- Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020 Zefania Zefania ƒe agbalẽ Zefania Zef Zefania ƒe agbalẽ Esiae nye Yehowa ƒe nya si va na Zefania, Kusi ƒe vi. Kusi fofoe nye Hezekia, Hezekia fofoe nye Amaria, eye Amaria fofoe nye Gedalia. Gbedeasi la va le Yuda fia Yosia, Amon ƒe vi ŋɔli. Nuxɔxlɔ̃ amewo tso tsɔtsrɔ̃ si gbɔna la ŋuti “Makplɔ nu sia nu si le miaƒe anyigba dzi la ɖa ƒioƒioƒio.” Yehowae gblɔe. “Matsrɔ̃ amewo kple lãwo siaa; Matsrɔ̃ dziƒoxeviwo kple lã siwo le atsiaƒu me la hã kple nu vɔ̃ɖi wɔlawo.” “Ne metsrɔ̃ amegbetɔwo katã le anyigba dzi,” Yehowae gblɔe. Nugbeɖoɖo ɖe Yuda ŋu “Mado nye asi ɖe Yuda kple ame siwo katã le Yerusalem la gbɔ. Maɖe nu siwo katã susɔ na Baal la ɖa le teƒe sia; maɖe trɔ̃nuawo kple nunɔla siwo gasubɔa trɔ̃ hã ƒe ŋkɔwo ɖa, ame siwo dea ta agu le xɔwo tame hesubɔa dziƒoŋunuwo, hekpe ɖe ame siwo dea ta agu na Yehowa, gake wogakaa atam na Molek, kple ame siwo trɔ le Yehowa yome, eye womedinɛ alo biaa eta sena o la siaa ŋu.” Mizi ɖoɖoe le Aƒetɔ Yehowa ŋkume, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe. Yehowa dzra vɔsa ɖo, eye wòkɔ ame siwo wòkpe la hã ŋuti. “Le Yehowa ƒe vɔsagbea la, mahe to na Yuda ƒe dumegãwo kple fiaviŋutsuwo, kpakple ame siwo ta dutatɔwo ƒe avɔwo. Le ŋkeke ma dzi la, mahe to na ame siwo katã tia kpo flɔa kpui siwo le trɔ̃xɔwo nu, eye woyɔa woƒe trɔ̃xɔwo me kple ŋutasesẽ kple beble.” Yehowa be: “Le ŋkeke ma dzi la, avifafa aɖi tso Tɔmelãgbo la nu, asiƒunu aɖi tso dua ƒe akpa evelia, eye howɔwɔ gã aɖe aɖi tso togbɛwo dzi. Mifa avi, mi ame siwo le asiɖoƒe ƒe nutowo me, miaƒe asitsalawo katã atsrɔ̃, eye ame siwo katã dzraa klosalonuwo la hã atsrɔ̃. Le ɣe ma ɣi me la, masi akaɖi adi ɖekematsɔlemetɔwo le Yerusalem ahe to na wo, ame siwo le abe wain ƒe aƒe ene, eye wogblɔ le woƒe dzi me be, ‘Yehowa mawɔ naneke mí, eɖanye nyui alo vɔ̃ o.’ Woava ha woƒe kesinɔnu gbogboawo adzoe, woagbã woƒe aƒewo, woatso aƒewo, ke womanɔ wo me o, woade waingblewo, ke womano wain tso wo me o.” Yehowa ƒe ŋkeke gã la Yehowa ƒe ŋkeke ma tu aƒe vɔ, egbɔna kpuie. Miɖo to, le Yehowa ƒe ŋkeke ma dzi la, woado ɣli kple vevesese, aʋawɔlawo ƒe ɣlidodo ade dzi le afi ma. Anye ŋkeke si dzi woatrɔ Mawu ƒe dɔmedzoe akɔ ɖe anyi; anye hiãgbe kple xaxagbe, anye dzɔgbevɔ̃e kple tsɔtsrɔ̃gbe. Ŋkeke sia anye blukɔ kple vivitidogbe, afu kple tsizidogbe, Anye aʋakpẽkugbe kple aʋaɣlidogbe, ɖe du siwo woɖo gli sesẽwo ƒo xlãe kple gbetakpɔxɔ siwo le dzogoe dzi ŋu. “Mahe xaxa va ameawo dzi, eye woazɔ abe ŋkugbagbãtɔwo ene, elabena woda vo ɖe Yehowa ŋu. Woƒe ʋu akɔ ɖi abe ʋuʋudedi ene, eye woƒe dɔmenuwo akaka abe gbeɖuɖɔ ene. Le Yehowa ƒe dɔmedzoeŋkeke sia dzi la, woƒe klosalo alo sika mate ŋu aɖe wo o.” Yehowa ƒe ŋuʋaʋã ƒe dzo afia xexea me katã, elabena atsrɔ̃ ame siwo katã le anyigba dzi la kpata. Miƒo ƒu! Miƒo ƒu! O, dukɔ si ŋu mekpena o, hafi ɣeyiɣi si woɖo ɖi la naɖo, eye ŋkeke ma nava gbɔ mi abe atsa ene, hafi Yehowa ƒe dziku dziŋɔ la nava dziwò, hafi Yehowa ƒe dɔmedzoeŋkeke la nava dziwò. Midi Yehowa, mi anyigbadzitɔ siwo katã bɔbɔ mia ɖokui, mi ame siwo wɔa eƒe lɔlɔ̃nu. Midi dzɔdzɔenyenye, midi ɖokuibɔbɔ; ɖewohĩ woatsyɔ nu mia dzi le Yehowa ƒe dzikuŋkeke la dzi. Nugbeɖoɖo ɖe Filistitɔwo ŋu Gaza azu aƒedo, eye Askelon azu gli gbagbã. Le ŋdɔkutsu me woalɔ Asdod ƒioƒioƒio, eye woaho Ekron kple ke. Baba na mi Keretitɔwo, mi ame siwo le ƒuta; O Kanaan, Filistitɔwo ƒe anyigba, Yehowa tsɔ nya ɖe mia ŋu be, “Matsrɔ̃ mi keŋkeŋkeŋ, eye ame aɖeke masusɔ o.” Keretitɔwo ƒe nɔƒe si le ƒuta la, azu alẽkpo kple nɔƒe na alẽkplɔlawo. Anye ame mamlɛ siwo susɔ na Yuda ƒe aƒe la tɔ, afi mae woakpɔ lãnyiƒe le. Le fiẽ me la, woamlɔ Askelontɔwo ƒe aƒewo me. Yehowa, woƒe Mawu la akpɔ wo ta, eye wòagaɖo wo te. Nugbeɖoɖo ɖe Moab kple Amon ŋu “Mese Moab ƒe alɔmeɖeɖe kple Amon ƒe viwo ƒe vlododo, ame siwo dzi nye dukɔ, eye woɖo nugbe ɖe woƒe anyigba ŋuti. Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔ be, Zi ale si meli la, woatsrɔ̃ Moab kple Amon abe ale si wotsrɔ̃ Sodom kple Gomora ene, eye woazu ŋuvedzeɖeƒe kple gbegbe; nye ame siwo susɔ la aha wo, eye woaxɔe le wo si.” Woaxɔ woƒe dada ƒe fetu, elabena woɖu fewu le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe dukɔ ŋuti. Yehowa ana nu vɔ̃ɖi geɖe nava wo dzi. Atsrɔ̃ woƒe mawuwo katã kple woƒe ŋusẽ ɖa, eye ame sia ame asubɔe le eƒe anyigba dzi le xexea me godoo. Nugbeɖoɖo ɖe Kus ŋu “Mi Kustɔwo, woatsrɔ̃ miawo hã kple yi.” Nugbeɖoɖo ɖe Asiria ŋu Nenema kee nye anyiehetɔwo hã; atsrɔ̃ Asiria kple eƒe toxɔdu Ninive xɔŋkɔ la gbidigbidi, eye wòanɔ abe dzogbe ene. Du xɔŋkɔ sia azu gbeɖuƒe na alẽhawo. Gbemelã kple xe vovovowo atsɔ teƒe sia awɔ wo nɔƒee. Hlɔ̃madewo aɖe do ɖe afi ma, akagawo kple alugewo awɔ atɔ ɖe eƒe fiasãwo me, eye woadzo ɖe eƒe fesrewo nu anɔ xɔxlɔ̃m; eye akpaviãwo adzo ɖe fiasã la ƒe ʋɔtruwo nu. Mlɔeba la, ʋuƒo nyui siwo wotsɔ wɔ xɔa mee la atsi gota ŋdɔ naɖu. Esiawoe nye nu siwo ava dzɔ ɖe du si kpɔ dzidzedze, eye wòle tomefafa me la dzi. Du sia gblɔ na eɖokui be, “Le xexea me katã la, du aɖeke mekpɔ ŋusẽ de nunye o.” Gake azɔ, mikpɔ ɖa, eyae nye du si gbã gudugudu, zu gbegbe na lãwo kple xewo! Azɔ ame sia ame si ava to eŋuti la ado tsiã, aʋuʋu ta, elabena maxɔe ase o. Nya siwo ava dzɔ ɖe Yerusalem dzi “Baba na du si yɔ fũu kple ŋutasesẽ, aglãdzedze kple ɖiƒoƒo. Mesea ame aɖeke ƒe gbe o, eye melɔ̃na be woagbe nya na ye hã o. Mexɔ Yehowa dzi se o, eye metena ɖe eƒe Mawu la ŋu hã o. Eƒe kplɔlawo le abe dzata dɔwui si le gbe tem la ene. Woƒe ʋɔnudrɔ̃lawo le abe amegaxi si lé nu le zã me, eye wòɖui vɔ keŋ hafi ŋu ke la ene. Eƒe nyagblɔɖilawo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi, eye wonye ame vɔ̃ɖiwo. Eƒe nunɔlawo do gu kɔkɔeƒe la, eye wodo vlo Mawu ƒe seawo. Ke Yehowae nye dzɔdzɔetɔ le wo dome, eye mewɔa nu gbegblẽ aɖeke o. Ŋdi sia ŋdi la, eɖea eƒe dzɔdzɔenyenye ɖe go, eye ŋkeke aɖeke medanɛ ƒu o. Gake nu vɔ̃ wɔlawo menya ŋukpe o. “Metsrɔ̃ dukɔ geɖewo, megbã woƒe mɔ sesẽwo, mena woƒe ablɔwo dzi ɖi gbɔlo, eye ame aɖeke megatoa wo dzi o. Woƒe duwo gbã, eye ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã masusɔ o. Megblɔ na du la be, ‘Azɔ la, àvɔ̃m vavã, eye nàxɔ nye ɖɔɖɔɖo!’ Ekema womagatsrɔ̃ eƒe nɔƒe alo nye tohehe magava edzi o, gake wogatsi dzi ɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ŋu, eya ta mikpɔ nye asi nu,” Yehowae gblɔe, “elabena ŋkeke li gbɔna, matsi tsitre aɖi ɖase. Meɖoe be maƒo dukɔwo katã kple fiaɖuƒewo nu ƒu, eye makɔ nye dɔmedzoe kple nye dziku helĩhelĩ ɖe wo dzi. Ale nye ŋuʋaʋã ƒe dzo afia anyigba la katã. “Ɣe ma ɣi la, makɔ nye amewo ƒe nuyiwo ŋu, ale wo katã woayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye woasubɔe kple nusɔsɔe. Tso Kus tɔsisi la godo ke, nye subɔlawo kple nye ame siwo ka hlẽ la, atsɔ woƒe nunanawo vɛ nam. Le ɣe ma ɣi la, ŋu magakpe mi le miaƒe nu vɔ̃ siwo katã miewɔ ɖe ŋunye la ta o, elabena maɖe ame siwo katã kpɔa dzidzɔ le ɖokuidodoɖedzi ŋuti la ɖa le dua me, ale be dadala aɖeke maganɔ nye to kɔkɔe la dzi o. Ke magblẽ ame siwo nye ame fafawo kple ɖokuibɔbɔɖeanyilawo, ame siwo xɔ nye, Yehowa ƒe ŋkɔ dzi se la ɖe mia dome. Israel ƒe ame mamlɛawo magawɔ vɔ̃ o, womada alakpa o, eye womakpɔ amebeble le woƒe nu me o. Woaɖu nu, amlɔ anyi, eye ame aɖeke mado ŋɔdzi na wo o.” O Zion vinyɔnu, dzi ha, O Israel, do ɣli, kpɔ dzidzɔ, eye wò dzi nayɔ fũu kple aseyetsotso, O Yerusalem vinyɔnuvi! Yehowa ɖe wò tohehewo ɖa, eye wòna wò futɔwo gbugbɔɖemegbe. Yehowa, Israel ƒe fia la li kpli wò, eya ta vɔ̃wɔame aɖeke mado ŋɔdzi na wò o. Gbe ma gbe la, woagblɔ na Yerusalem be, “Mègavɔ̃ o, O Zion, eye mègana wò alɔ nagbɔdzɔ o. Yehowa wò Mawu la li kpli wò, kalẽtɔ si ate ŋu axɔ na wò lae wònye. Akpɔ dzidzɔ gã aɖe ɖe ŋuwò, atsɔ eƒe lɔlɔ̃ afa akɔ na wò, eye wòado dzidzɔ na wò kple hadzidzi.” “Maɖe konyifafa siwo nɔa miaƒe takpegbewo la ɖa le mia ŋu, elabena wonyea agba kple mokaka na mi. Le ɣe ma ɣi la, matu nu kple ame siwo katã te mi ɖe anyi la, makpe ɖe ataŋeŋetɔwo ŋu, eye maƒo ame siwo ka hlẽ la nu ƒu. Matsɔ kafukafu kple bubu ana wo le anyigba ɖe sia ɖe si dzi wodo ŋukpe wo le. Ɣe ma yi la, maƒo mia nu ƒu; ɣe ma yi me la, makplɔ mi va aƒee. Matsɔ bubu kple kafukafu ana mi le anyigbadzidukɔwo katã dome, nenye be megbugbɔ mi ɖo te le miawo ŋutɔ ƒe ŋkuwo me.” Yehowae gblɔe.