- Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020
Zekaria
Zekaria ƒe agbalẽ
Zekaria
Zek
Zekaria
ƒe agbalẽ
Nuxɔxlɔ̃ amewo be woatrɔ ɖe Yehowa ŋu
Le ɣleti enyilia me le Fia Darius ƒe ƒe evelia me la, gbe tso Yehowa gbɔ va na Nyagblɔɖila Zekaria, Berekia ƒe vi kple Ido ƒe tɔgbuiyɔvi be,
“Yehowa do dɔmedzoe ɖe mia fofowo ŋu vevie, eya ta gblɔ na ameawo be ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, ‘Mitrɔ ɖe ŋunye, ekema nye hã matrɔ ɖe mia ŋu!’ Miganɔ abe mia fofowo ene o, ame siwo nyagblɔɖila tsãtɔwo gblɔ na be ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Mitrɔ le miaƒe mɔ vɔ̃wo dzi, eye miaɖe asi le miaƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo ŋuti.’ Gake wogbe toɖoɖom, eye wometsɔ ɖeke le eme nam o. Afi ka mia fofowo le fifia, eye ɖe nyagblɔɖilawo nɔa agbe tegbea? Ke ɖe nye nya kple ɖoɖo siwo mede asi na nye dɔla, nyagblɔɖilawo la meva mia fofowo dzi oa?
“Le esia ta la, wotrɔ dzi me gblɔ be, ‘Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la wɔ na mí ɖe míaƒe mɔwo kple wɔnawo nu abe ale si wòɖoe be yeawɔ ene.’ ”
Sɔdola si le amitiwo dome
Le ɣleti wuiɖekɛlia si nye Sebat ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-enelia dzi, le Fia Darius ƒe ƒe evelia me la, Yehowa ƒe gbe va na nyagblɔɖila Zekaria, Berekia ƒe vi kple Ido ƒe tɔgbuiyɔvi.
Mekpɔ ŋutega le zã me, eye le ŋutega la me la, mekpɔ ŋutsu aɖe wònɔ sɔ dzĩ aɖe dom. Sɔdola la tsi tsitre ɖe amitive aɖe me le bali aɖe me. Sɔ dzĩ, sɔ hẽ kple sɔ ɣi bubuwo nɔ emegbe.
Mebia be, “Nye Aƒetɔ, nu kawoe nye esiawo?”
Mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la ɖo eŋu nam be, “Mafia nu si wonye la wò.”
Tete ame si tsi tsitre ɖe amitiawo dome la ɖe eme nam be, “Woawoe nye ame siwo Yehowa dɔ be woatsa le anyigba blibo la dzi.”
Wova gblɔ na Yehowa ƒe dɔla, ame si nɔ tsitre ɖe amitiawo dome la be, “Míetsa le anyigba blibo la dzi, eye dzidzedze kple ŋutifafa le afi sia afi.”
Esi Yehowa ƒe dɔla la se nya siawo la, edo gbe ɖa be, “O Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, ƒe blaadree nye esi, esi nètrɔ wò dɔmedzoe kɔ ɖe Yerusalem kple Yuda ƒe duwo dzi. Va se ɖe ɣe ka ɣi nàgakpɔ nublanui na wo?” Yehowa ɖo eŋu na mawudɔla si le xanye la hegblɔ akɔfanyawo kple dzideƒonyawo nɛ.
Tete mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la gblɔ be, “Ɖe gbeƒã nya sia: ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Meʋã ŋu ɖe Yerusalem kple Zion nu ŋutɔ, ke mekpɔ dɔmedzoe vevie ɖe dukɔ siwo susu be yewole dedie la ŋuti. Ke dɔmedzoe vi aɖe ko mekpɔ, gake woawoe he dzɔgbevɔ̃e la vɛ.’
“Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Matrɔ ɖe Yerusalem ŋu kple nublanuikpɔkpɔ. Le afi ma, woagbugbɔ nye xɔ la atu, eye woatsɔ nudzidzeka aɖo Yerusalem katã ŋuti.’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
“Yi edzi, nàɖe gbeƒã be ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, ‘Nye duwo agagbagba kple dzidzedze, Yehowa agafa akɔ na Zion, eye wòagatia Yerusalem.’ ”
Lãdzo eneawo kple aɖaŋudɔwɔla eneawo
Esi mefɔ kɔ dzi la, mekpɔ lãdzo ene le nye ŋkume. Mebia mawudɔla la be “Nu kawoe nye esiawo?”
Eɖo eŋu nam be, “Woawoe nye lãdzo siwo kaka Yuda, Israel kple Yerusalem.”
Yehowa gaɖe gbede ene fiam. Mebia be, “Nu ka wɔ ge wogbɔna?”
Eɖo eŋu nam be, “Esiawoe nye lãdzo siwo kaka Yuda ale gbegbe be ame aɖeke mate ŋu afɔ ta dzi o. Ke gbedeawo va be woado ŋɔdzi na wo, eye woatsɔ dukɔwo ƒe lãdzo siawo aƒu ame siwo kɔ woƒe dzowo dzi ɖe Yudanyigba ŋu be yewoakaka eƒe amewo la anyi.”
Ŋutsu si lé dzidzeka ɖe asi
Esi mefɔ kɔ dzi la, mekpɔ ŋutsu aɖe wòlé nudzidzeka ɖe asi. Mebiae be, “Afi ka yim nèle?”
Eɖo eŋu be, “Meyina be madzidze Yerusalem, ne makpɔ eƒe kekeme kple eƒe didime.”
Mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la dzo le gbɔnye, eye mawudɔla bubu zɔ va kpee. Mawudɔla si zɔ va kpee la gblɔ nɛ be, “Ƒu du nàgblɔ na ɖekakpui sia be, ŋkeke li gbɔna esi amewo ayɔ Yerusalem ale gbegbe be womakpɔ nɔƒe na ame sia ame kple woƒe lãhawo o. Nye ŋutɔ manye dzo bibi ƒe gli aƒo xlã wo, eye manye eƒe ŋutikɔkɔe.” Yehowae gblɔe.
“ ‘Miva! Miva! Misi tso anyiehenyigba dzi,’ Yehowae gblɔe, elabena mekaka mi de dziƒowo ƒe ya eneawo katã dzi!” Yehowae gblɔe.
“Va, O Zion! Si, wò ame si li kple Babilon vinyɔnu!” Elabena ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, “Esi wòde bubu ŋutinye, eye wòdɔm ɖe dukɔ siwo ha mi ŋuti, elabena ame si ka asi mia ŋuti la, ka asi eƒe gadaglamakui ŋuti. Nye la, makɔ nye asi dzi ɖe wo ŋuti kokoko, ale woƒe kluviwo aha wo. Ekema mianyae be Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae dɔm.
“O, Zion vinyɔnu, tso aseye nàkpɔ dzidzɔ, elabena megbɔna be manɔ dowòme.” Yehowae gblɔe. “Dukɔ geɖewo ava ƒo ƒu ɖe Yehowa ŋu gbe ma gbe, eye woanye nye amewo. Manɔ mia dome eye mianya be Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae dɔm ɖe mia gbɔ. Yuda azu Yehowa ƒe gome kple domenyinu le anyigba kɔkɔe la dzi, eye wòagatia Yerusalem. Mi anyigbadzitɔwo katã mizi ɖoɖoe le Yehowa ŋkume, elabena etso le eƒe nɔƒe kɔkɔe la.”
Awu dzadzɛwo na nunɔlagã la
Le ŋutega bubu me la, Yehowa ɖe Yosua, nunɔlagã la fiam, wònɔ tsitre ɖe Yehowa ƒe dɔla la gbɔ, evɔ Satana hã nɔ afi ma nɔ tsitre ɖe mawudɔla la ƒe nuɖusime nɔ Yosua nu tsom. Yehowa gblɔ na Satana be, “Yehowa ka mo na wò, Satana! Yehowa, ame si tia Yerusalem la ka mo na wò! Ɖe ame sia mele abe dzoti bibi si woɖe le dzo me la ene oa?”
Azɔ Yosua le awu ƒoɖiwo me le tsitre ɖe mawudɔla la gbɔ. Mawudɔla la gblɔ na ame siwo nɔ tsitre ɖe afi ma la be, “Miɖe awu ƒoɖi sia le eŋuti.”
Etrɔ ɖe Yosua gbɔ gblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, meɖe wò nu vɔ̃wo ɖa, eye azɔ la, mele awu yeye nyui siawo dom na wò.”
Tete megblɔ be, “Mitsɔ tablanu dzadzɛ bla ta nɛ.” Ale wotsɔ tablanu dzadzɛ bla ta nɛ, eye wotsɔ awu do nɛ esi Yehowa ƒe dɔla la nɔ tsitre.
Yehowa ƒe dɔla la de se sia na Yosua, “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Ne àzɔ le nye mɔwo dzi, alé nye ɖoɖowo me ɖe asi la, ekema maɖo wò nye gbedoxɔ nu, ànye nye aƒedzikpɔla, eye mana nɔƒe wò ɖe ame siwo le tsitre ɖe afi sia la dome.
“ ‘Miɖo to, O nunɔlagã Yosua kple wò kpeɖeŋutɔ siwo nɔ anyi ɖe ŋgɔwò, ame siwo nye nu siwo ava va eme la ƒe dzesi. Meyi makplɔ nye dɔla Atilɔ la vɛ. Kpɔ kpe si metsɔ ɖo Yosua ŋkume la ɖa! Ŋku adre li na kpe ɖeka sia. Maŋlɔ nu ɖe kpe la dzi, eye maɖe anyigba sia ƒe nu vɔ̃ ɖa le ŋkeke ɖeka me,’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
“ ‘Gbe ma gbe la, mia dometɔ ɖe sia ɖe akpe ehavi be wòava nɔ eƒe wainka kple gboti te.’ Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.”
Sikakaɖiti la kple amiti eveawo
Mawudɔla si ƒo nu kplim la, trɔ gbɔ va nyɔm abe ɖe menɔ alɔ̃ dɔm ene. Ebiam be, “Azɔ la, nu ka kpɔm nèle?”
Meɖo eŋu be, “Mele sikakaɖiti si dzi wotsɔ agba da ɖo, eye akaɖi adre le agba sia tame, alɔ adre siwo me do le la to akaɖiti ɖe sia ɖe me ge ɖe agba la me. Amiti eve le axawo dzi nɛ; ɖeka le ɖusime, evelia le miame.”
Mebia mawudɔla si ƒo nu kplim la be, “Nu kawoe nye esiawo, nye aƒetɔ?”
Mawudɔla la trɔ biam be, “Vavã, mènya nu si nu siawo nye oa?”
Meɖo eŋu be, “Ao, nye Aƒetɔ.”
Egblɔ nam be, “Esia nye Yehowa ƒe gbedeasi na Zerubabel: ‘Menye ŋusẽ alo kalẽ o, ke boŋ Mawu ƒe Gbɔgbɔe.’ Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
“Nu ka nènye, O, to si ŋu ŋusẽ le? Àzu anyigba sɔsɔe le Zerubabel ŋkume, ahe tamekpe la ado goe ne ɣli le ɖiɖim be, ‘Mawu neyrae! Mawu neyrae!’ ”
Tete Yehowa ƒe gbe va nam be, “Zerubabel ƒe asie ɖo gbedoxɔ sia ƒe gɔmeɖokpe anyi, eya ta eƒe asie awu enu. Ekema mianya be Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae dɔm ɖe mia gbɔ.
“Ame ka ado vlo ŋkeke si nuwo dze egɔme sue? Dzi adzɔ amewo, ne wokpɔ dzidzeka le Zerubabel ƒe asi me. Akaɖi adre siawoe nye Yehowa ƒe ŋku siwo wòtsɔna tsana le anyigba katã dzii.”
Mebia mawudɔla la be, “Nu kae nye amiti eve siwo le ɖusime kple miame na akaɖiti la?”
Megabia be, “Nu kawoe nye amiti ƒe alɔdze eve siwo le sika ƒe alɔ siwo me sikami dona tsona?”
Eɖo eŋu be, “Mènya nu si wonye oa?”
Megblɔ be, “Ao, nye aƒetɔ.”
Ale wògblɔ nam be, “Woawoe nye ame eve siwo wosi ami na be woasubɔ anyigba blibo la ƒe Aƒetɔ.”
Agbalẽ si le dzodzom
Megawu mo dzi eye mekpɔ agbalẽ aɖe wònɔ dzodzom le yame.
Mawudɔla la biam be, “Nu ka nèkpɔ?”
Meɖo eŋu be, “Mekpɔ agbalẽ aɖe si le dzodzom! Agbalẽ la ƒe didime nye afɔ blaetɔ̃ eye eƒe kekeme nye afɔ wuiatɔ̃.”
Eye wògblɔ nam be, “Agbalẽ siae nye fiƒode si le tsatsam le anyigba la katã dzi. Agbalẽ la ƒe akpa ɖeka le gbɔgblɔm be woaɖe fiafitɔ ɖe sia ɖe ɖa, eye akpa evelia le gbɔgblɔm be, ame sia ame si kaa atam dzodzro la, woaɖee ɖa. Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, ‘Madɔ fiƒode sia ɖa, eye age ɖe fiafitɔ la ƒe aƒe me kple ame si yɔa nye ŋkɔ tsɔ kaa atam dzodzro la ƒe aƒe me. Anɔ eƒe aƒe me, agbã aƒe nɛ, eye wòakaka atiawo kple kpeawo siaa.’ ”
Nyɔnu si le kusi me
Mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la zɔ va gbɔnye, eye wògblɔ nam be, “Fɔ mo dzi nàkpɔ nu si le yame gbɔna.”
Mebiae be, “Nu ka wònye?”
Eɖo eŋu be, “Nudzidzekusie” Egagblɔ kpe ɖe eŋu be, “Esiae nye amewo ƒe nu vɔ̃ le anyigba katã la dzi.”
Kasia nutunu gã si le kusi la nu la fɔ dzi, eye mekpɔ nyɔnu aɖe si nɔ anyi ɖe kusi la me! Mawudɔla la gblɔ be, “Esiae nye vɔ̃ɖinyenye,” eye wotutui gade kusi la me hetsɔ nutunu gã la tu enu.
Azɔ mekpɔ nyɔnu eve siwo dzo gbɔna ɖe gbɔnye, woƒe aʋalawo le abe damixetɔwo ene, eye wova kɔ kusi gã la hedzo kplii yi ɖe dziƒo ʋĩi.
Mebia mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la be, “Afi ka wokɔ kusi la yinae?”
Eɖo eŋu nam be, “Wokɔe yina ɖe Babilonia, afi si woatu xɔ ɖo nɛ. Ne wotu xɔ la nɛ vɔ la, woakɔ kusi la ada ɖe enɔƒe le afi ma.”
Tasiaɖam eneawo
Megafɔ kɔ dzi, eye mekpɔ tasiaɖam ene wogbɔna tso to eve dome; to siawo le abe akɔbliga ene. Sɔ dzĩwo le tasiaɖam gbãtɔ hem, eye sɔ yibɔwo le tasiaɖam evelia hem. Sɔ ɣiwo le tasiaɖam etɔ̃lia hem, eye sɔ ŋɔŋɔewo le tasiaɖam enelia hem kple ŋusẽ. Mebia mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la be, “Nye Aƒetɔ, nu kawoe nye esiawo?”
Eɖo eŋu nam be, “Woawoe nye gbɔgbɔ ene siwo tso dziƒo, wonɔa anyigba la ƒe Aƒetɔ ŋkume ɖaa; ke azɔ la, edɔ wo ɖe dɔgbe. Tasiaɖam si ŋuti sɔ yibɔwo le la aɖo ta dukɔ si le anyiehe, esi ŋuti sɔ ɣiwo le la ayi ɣetoɖoƒe, eye esi ŋuti wotsi sɔ ŋɔŋɔewo ɖo la ayi dziehe.”
Esi sɔ sesẽawo do go la, wodze agbagba be woatsa le anyigba blibo la dzi. Egblɔ be, “Miyi miatsa le anyigba la katã dzi.” Ale woyi ɖatsa le anyigba blibo la dzi.
Mawudɔla la yɔm gblɔ nam be, “Kpɔ ɖa, esiwo yi anyiehenyigba dzi la, wotsi nye dɔmedzoe nu le anyiehenyigba la dzi.”
Fiakuku na Yosua
Yehowa ƒe gbe va nam be, “Xɔ klosalo kple sika le Heldai, Tobiya kple Yedaia, ame siwo gbɔ tso aboyome le Babilonia la si. Yi ɖe Zefania, Yosia ƒe vi hã ƒe aƒe me gbe ma gbe ke. Tsɔ klosalo kple sika la nàwɔ fiakuku, eye nàtsɔe aɖɔ na nunɔlagã Yosua, Yehozadak ƒe vi. Gblɔ nɛ be ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi. Esiae nye ŋutsu si ƒe ŋkɔe nye Atilɔ, adze tso enɔƒe, eye wòatu Yehowa ƒe gbedoxɔ. Eyae nye ame si atu Yehowa ƒe gbedoxɔ, woaɖo fianyenye ƒe atsyɔ̃ nɛ, eye wòanɔ eƒe fiazikpui dzi aɖu fia. Anye nunɔla anɔ eƒe fiazikpui dzi, ekema fianyenye kple nunɔlanyenye awɔ ɖeka! Woatsɔ fiakuku la na Heldai, Tobiya Yedaia kple Hen, Zefania ƒe vi, abe ŋkuɖodzinu ene le Yehowa ƒe gbedoxɔ me. Ame siwo le didiƒe ke la ava, akpe asi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu ŋu, ekema mianyae be Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae dɔm ɖe mia gbɔ. Esia ava eme nenye be mieɖo to Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe gbe pɛpɛpɛ.”
Dzɔdzɔenyenye kple nublanuikpɔkpɔ menye gotagome nutsitsidɔ o
Le Fia Darius ƒe ƒe enelia me, le dzinu asiekɛlia si nye Kislev ƒe ŋkeke enea gbe la, Yehowa ƒe gbe va na Zekaria. Ame siwo le Betel la dɔ Sarezer, Regen Melek kple wo ŋutimewo be woaɖe kuku na Yehowa to nunɔlawo kple nyagblɔɖila siwo le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe gbedoxɔ me la dzi be, “Ɖe wòhiã be mafa avi, atsi nu adɔ le ɣleti atɔ̃lia me abe ale si mewɔnɛ ƒe geɖe siwo va yi la enea?”
Tete Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe gbe va nam be, “Bia ame siwo katã le anyigba la dzi kple Osɔfoawo be, ‘Esi mietsi nu dɔ, fa avi le ɣleti atɔ̃lia kple adrelia me le ƒe blaadre siwo va yi me la, nyee mietsi nua dɔ na vavã? Esi mienɔ nu ɖum, nɔ nu nom la, ɖe menye na miawo ŋutɔ ƒe dzidzɔkpɔkpɔ koe oa? Ɖe menye nya siawoe Yehowa gblɔ to nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ la dzi, esi Yerusalem kple du siwo ƒo xlãe godoo la nɔ ŋutifafa kple dzidzedzekpɔkpɔ me, eye gbegbe kple ɣetoɖoƒetogbɛwo zu amenɔƒe oa?’ ”
Yehowa ƒe gbe gava na Zekaria be, “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, mikpɔ nublanui, eye mianyo dɔ me na mia nɔewo. Migate ahosiwo alo tsyɔ̃eviwo, amedzrowo alo ame dahewo ɖe anyi o. Migaɖo nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ɖe mia nɔewo ŋu o.’
“Mia fofowo gbe toɖoɖo gbedeasi sia, wolia ʋume kpakoo, eye wotsɔ asibidɛ xe to me be yewomagase nye nya la o. Wona woƒe dziwo sẽ abe hlihãkpe ene, elabena womedi be yewoase nye Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe nyawo kple se siwo metsɔ na wo to nye Yehowa ƒe Gbɔgbɔ kple nyagblɔɖila siwo nɔ anyi tsã la dzi o. Esia ta nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, medo dɔmedzoe ɖe wo ŋuti ɖo.
“ ‘Meyɔ wo, gake wogbe tɔtɔ, eya ta esi wodo ɣli yɔm la, nye hã metrɔ megbe de wo,’ Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. ‘Mekaka wo kple yali ɖe dukɔwo katã dome, afi si wozu amedzrowo le. Woƒe anyigba si wogblẽ ɖe megbea la zu aƒedo, afi si ame aɖeke mate ŋu ayi o. Aleae wowɔ anyigba nyui la wòzu gbegbe nye esi.’ ”
Yehowa do ŋugbe be yeayra Yerusalem
Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe gbedeasi gava nam be,
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, “Meʋã ŋu ɖe Zion nu vevie, eye medo dɔmedzoe, ʋã ŋu ɖe enu vevie.”
Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Matrɔ ayi Zion, eye manɔ Yerusalem, ekema woayɔ Yerusalem be Nyateƒedu, eye woayɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ƒe to la be, To Kɔkɔe.”
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, “Ŋutifafa kple dzidzeme agava Yerusalem hena ƒe geɖewo, ale be woagakpɔ amegãɖeɖiwo kple nyagãɖeɖiwo woalé kpo ɖe asi, anɔ zɔzɔm ɖɔɖɔɖɔ le ablɔ dzi abe tsã ene. Duwo ƒe mɔtatawo dzi ayɔ fũu kple ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo eye woanɔ fefem kple dzidzɔ.”
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, “Ɣe ma ɣi la, adze nu si wɔ nuku na ame ʋɛ siwo susɔ, ke nye ya la, ɖe wòawɔ nuku nama?”
Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, “Maɖe nye amewo tso dukɔ siwo le ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe la ƒe asi me. Makplɔ wo agbɔe be woava nɔ Yerusalem. Woanye nye amewo, eye manye woƒe Mawu le nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye me.”
Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, “Mi ame siwo le nya siwo nyagblɔɖilawo gblɔ da ɖi la sem, ame siwo nɔ anyi hafi woɖo Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe gbedoxɔ la gɔme anyi, mido ŋusẽ nu be miawu gbedoxɔ la tutu nu. Hafi ɣe ma ɣi naɖo la, womexea fe na amewo alo lãwo o. Ame aɖeke mate ŋu ado go, ayi eƒe dɔwɔƒe le dedinɔnɔ me o ɖe eƒe futɔwo ta, elabena mena ame sia ame tso ɖe ehavi ŋuti. Ke azɔ la, nyemawɔ na ame siwo susɔ la abe ale si mewɔ na amewo va yi ene o.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
“Atiku la amie, atsi, wainkawo atse nyuie, anyigba aʋã eƒe nukuwo, eye ahũ adza tso dziƒo. Matsɔ nu siawo katã ana nye ame siwo susɔ la abe woƒe domenyinu ene. Esi mienye ɖiŋudonu le dukɔwo dome ta la, O! Yuda kple Israel, maɖe mi, eye mianye yayra. Migavɔ̃ o, mido ŋusẽ miaƒe alɔwo.”
Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Abe ale si meɖoe kplikpaa be mahe tsɔtsrɔ̃ va mia dzii, eye nyemakpɔ nublanui o, esi mia fofowo do dɔmedzoe nam ene la,” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe, “nenema azɔ, meɖoe kplikpaa be magawɔ nyui na Yerusalem kple Yuda, eya ta migavɔ̃ o. Esiawoe nye nu siwo miawɔ: mito nyateƒe na mia haviwo, mitso afia si le eteƒe, eye wòle dzɔdzɔe la le miaƒe ʋɔnuwo. Mègaɖo vɔ̃ ɖe hawòvi ŋuti o, eye atam dzodzro kaka megado dzidzɔ na wò o, elabena metsri nu siawo.” Yehowae gblɔe.
Esia hã nye gbedeasi bubu si va nam tso Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gbɔ:
Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Nutsitsidɔ siwo miewɔna le ɣleti enelia, atɔ̃lia, adrelia kple ewolia me la, anye dzidzɔ kple aseyetsotso ƒe azãwo na Yuda, eya ta milɔ̃ nyateƒe kple ŋutifafa.”
Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, “Ame geɖewo kple ame siwo tso du geɖewo me le mɔ dzi gbɔna, eye amewo atso du ɖeka me ayi du bubu me ahagblɔ be, ‘Mina míatso zi ɖeka, míayi aɖaɖe kuku na Yehowa, eye míadi Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la. Nye la, medze mɔ yina.’ Ale amewo kple dukɔ siwo ŋu ŋusẽ le la ava Yerusalem be yewoadi Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, eye woaƒo koko nɛ.”
Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Le ŋkeke mawo me la, ŋutsu ewo atso gbegbɔgblɔwo kple dukɔ bubuwo me alé Yudatɔ ɖeka ƒe awu to ahagblɔ be, ‘Na míayi kpli wò, elabena míese be Mawu li kpli mi.’ ”
Ʋɔnudɔdrɔ̃ Israel ƒe futɔwo
Yehowa ƒe nya tsi tsitre ɖe Hadraknyigba ŋu,
eye ava Damasko hã dzi,
elabena Yehowa ƒe ŋku le amewo kple Israel ƒe toawo katã ŋu.
Ava Hamat si ƒo xlãe la hã dzi,
eye ava Tiro kple Sidon hã dzi togbɔ be
wodze aye ale gbegbe hã.
Tiro tu mɔ sesẽ na eɖokui,
eli kɔ klosalo abe ʋuʋudedi ene,
eye nenema ke sika bɔ abe ke si
le mɔdodo dzi ene.
Ke Yehowa axɔ kesinɔnuwo le esi,
akaka eƒe tɔdziʋuwo kple wo me
nɔlawo ƒe ŋusẽ, eye dzo ava fiae ƒioƒioƒio.
Askelon akpɔe, eye vɔvɔ̃ aɖoe.
Gaza aŋe kple vevesese.
Nenema kee nye Ekron hã,
elabena eƒe mɔkpɔkpɔ abu ɖee.
Woawu Gaza fia,
eye Askelon azu aƒedo.
Amedzrowo ava xɔ Asdod,
eye maɖe Filistitɔwo ƒe dada la ɖa.
Maɖe ʋu ɖa le woƒe nuwo me
kple nuɖuɖu si wotsri na wo la
le woƒe aɖutame.
Ame siwo susɔ la anye míaƒe Mawu la tɔ,
woazu kplɔlawo le Yuda,
eye Ekron anɔ abe Yebusitɔwo ene.
Ke maʋli nye gbedoxɔ la ta tso adzohawo ƒe asi me.
Ŋutasẽla magaɖu nye amewo dzi akpɔ gbeɖe o,
elabena azɔ mele wo ŋu dzɔm.
Zion se fia la ƒe vava
Dzi nadzɔ wò, O Zion vinyɔnu!
Do ɣli, wò Yerusalem vinyɔnu,
kpɔ ɖa, wò fia gbɔna gbɔwò.
Enye dzɔdzɔetɔ, eye wòhe ɖeɖe vɛ,
ebɔbɔ eɖokui, eye wòle tedzi dom,
si nye tedzivi si nye tedzinɔ ƒe vi.
Axɔ tasiaɖamwo le Efraim si
kple aʋawɔsɔwo le Yerusalem si,
eye wòaŋe woƒe aʋawɔdatiwo.
Aɖe gbeƒã ŋutifafa na dukɔwo,
eƒe fiaɖuƒe akeke tso ƒuta ayi ƒuta,
tso tɔsisi la nu ayi anyigba ƒe seƒewo ke.
Ɖe nu si mebla kpli wò,
tre enu kple ʋu ta la,
maɖe wò tso ku me,
be màgaku ɖe do globo ƒuƒui la me o.
Mitrɔ yi ɖe miaƒe mɔ sesẽwo me,
O, mi gamenɔla siwo si mɔkpɔkpɔ le.
Ke azɔ la, mele gbeƒã ɖem
na mi be magbugbɔ aɖo nu
siwo miebu la teƒe na mi zi eve.
Mabɔ Yuda abe ale si mebɔa nye da ene,
eye matsɔ Efraim awɔ datii ayɔ eme fũu.
O Zion, manyɔ viwò ŋutsuwo,
ɖe Griktɔwo ŋu, eye mawɔ wò abe aʋawɔla ƒe yi ene.
Yehowa ava do
Yehowa ava do ɖe wo dzi kpoyi,
eye eƒe aŋutrɔwo anɔ bibim abe dzikedzo ene.
Aƒetɔ Yehowa aku kpẽ azɔ
le anyigbeme ƒe ahomwo me,
eye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la
atsɔ akpoxɔnu atsyɔ wo dzi.
Woagblẽ nu, eye woatsɔ kpe
ade aŋetu me atsɔ aɖu wo dzii.
Woano woawo ŋutɔ ƒe ʋu abe wain ene,
wòayɔ woƒe ƒodo fũu abe agba ene,
eye wòaƒo wo bekee abe ale si
wokɔa wain ɖe vɔsamlekpui ƒe dzogoewo dzi ene.
Yehowa, woƒe Mawu la
aɖe wo gbe ma gbe abe ame
siwo nye eƒe alẽhawo ene.
Woaklẽ le eƒe anyigba la dzi
abe adzagba le fiakuku ŋu ene.
Aleke woahanyo eye woahadze anii!
Bli ana ɖekakpuiawo natsi nyuie,
eye wain yeye ana ɖetugbiawo hã natsi nyuie.
Yehowa akpɔ Yuda ta
Mibia Yehowa wòana tsi nadza na mi le tsidzaɣi,
elabena Yehowae nana tsi ɖona.
Enana tsi dzana na amewo,
eye wònana nukuwo miena ɖe bo dzi
na ame sia ame.
Legbawo blea ame,
bokɔnɔwo kpɔa ŋutega
siwo mele eteƒe o,
wokua drɔ̃e siwo nye aʋatso,
eye wogblɔa akɔfanya
siwo mevaa eme o.
Eya ta ameawo le tsaglalã tsam abe alẽ
siwo wote ɖe anyi la ene,
elabena kplɔla mele wo si o.
“Nye dɔmedzoe bi ɖe alẽkplɔlawo ŋu,
eye mahe to na kplɔlawo,
elabena Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la akpɔ Yuda ƒe aƒe,
eƒe alẽha la ta, eye wòawɔ wo woanɔ
abe sɔ si ŋu ŋusẽ le le aʋagbedzi ene.
Dzogoedzikpe atso Yuda ava, eye tsyoti,
dati siwo ŋu dɔ wowɔna le aʋa me
kple dziɖula ɖe sia ɖe atso Yuda ava.
Wo katã woabɔ asaɖa abe ŋutsu kalẽtɔ
siwo le zɔzɔm le bamɔtatawo dzi le aʋagbedzi ene,
elabena Yehowa li kpli wo,
woawɔ aʋa, aɖu sɔdolawo dzi.
“Mado ŋusẽ Yuda ƒe aƒe,
eye maɖe Yosef ƒe aƒe,
magbugbɔ wo agaɖo te,
elabena mekpɔ nublanui na wo.
Woanɔ abe ɖe nyemegbe nu
le wo gbɔ kpɔ o ene,
elabena nyee nye Yehowa, woƒe Mawu la,
eye matɔ na wo.
Efraimtɔwo ava nɔ abe ŋutsu kalẽtɔwo ene,
eye woƒe dziwo akpɔ dzidzɔ abe wain wono ene.
Wo viwo akpɔe, woatso aseye,
eye woakpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ŋu.
Mana dzesi wo,
eye maƒo wo nu ƒu,
maɖe wo vavã,
eye woagasɔ gbɔ abe tsã ene.
Togbɔ be mekaka wo ɖe amewo dome hã la,
woaɖo ŋku dzinye le anyigba didi mawo dzi.
Wo kple wo viwo atsi agbe,
eye woagatrɔ agbɔ.
Makplɔ wo agbɔe tso Egipte,
eye maƒo wo nu ƒu tso Asiria;
makplɔ wo va Gilead kple Lebanon,
eye womakpɔ teƒe anɔ gɔ̃ hã o.
Woato nuxaxa ƒe atsiaƒu me,
ke woaɖu ƒu dzeagbowo dzi,
eye Nil tɔsisi ƒe gogloƒewo aƒu kplakplakpla.
Woaŋe kɔ le Asiria ƒe dada nu,
eye woaɖe Egipte ƒe fiatikplɔ ɖa.
Mado ŋusẽ wo le Yehowa me,
eye eƒe ŋkɔ me woazɔ le.”
Yehowae gblɔe.
“O Lebanon, ʋu wò agbowo da ɖi siaa be
dzo nabi wò sedatiwo!
Mifa avi, O logotiwo
elabena sedati mu dze anyi,
ati gãwo tsrɔ̃!
Mi ati sesẽ siwo le Basan,
mifa avi, elabena wolã avetsuawo ƒu anyi!
Miɖo to alẽkplɔlawo ƒe avifafa,
elabena woƒe lãnyiƒe damawo tsrɔ̃.
Miɖo to dzatawo ƒe xɔxlɔ̃,
elabena Yɔdan ƒe ave damawo tsrɔ̃!”
Alẽkplɔlawo ƒe ha eveawo
Yehowa, nye Mawu la gblɔ nam be, “Yi nàwɔ dɔ abe alẽkplɔla ene, eye nàkplɔ alẽ siwo woɖo ɖi na wuwu. Wo ƒlelawo wua wo yakatsyɔ, eye ame aɖeke mehea to na wo o. Ame siwo dzra wo la hã gblɔ be, ‘Mikafu Yehowa elabena mezu kesinɔtɔ!’ Woƒe kplɔlawo ŋutɔ gɔ̃ hã mekpɔa wo ta o, elabena nyemagakpɔ nublanui na anyigbadzinɔlawo o.” Yehowae gblɔe. “Malé ame sia ame ade asi na ehavi kple eƒe fia. Woate anyigba la ɖe to, eye nyemaɖe wo tso woƒe asi me o.”
Ale nye ŋutɔ mekplɔ alẽha si woɖo ɖi na wuwu, vevietɔ wo dometɔ siwo wote ɖe anyi. Metsɔ atizɔti eve, meyɔ ɖeka be Dɔmefafa, evelia be Ɖekawɔwɔ, eye mekpɔ alẽha la ta. Le ɣleti ɖeka me la, meɖe alẽkplɔla etɔ̃ katã ɖa.
Alẽha la lé fum, eye woƒe nu ti kɔ nam. Megblɔ be, “Nyemaganye miaƒe kplɔla o. Ame siwo le kukum la neku, eye ame siwo le tsɔtsrɔ̃m la netsrɔ̃. Ame siwo susɔ la nelé wo nɔewo ɖu.”
Ale metsɔ nye atikplɔ si meyɔ be Dɔmefafa la, meŋee, eye metu nu si mebla kple dukɔwo. Metu nubabla la gbe ma gbe, eye ame siwo nu ti kɔ na le alẽhawo me, esi wole kpɔyem la, nyae be enye Yehowa ƒe nya.
Megblɔ na wo be, “Ne edze mia ŋu la, ekema mixe nye fe nam, gake ne medze mia ŋu o la, mitsɔe.” Ale woxe klosaloga blaetɔ̃ nam.
Yehowa gblɔ nam be, “Tsɔe ƒu gbe ɖe zemela ŋu.” Eyae nye home gã si wosusu be mexɔ! Ale metsɔ klosaloga blaetɔ̃ la ƒu gbe ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe nudzraɖoƒe.
Azɔ meŋe nye atikplɔ evelia si meyɔ be Ɖekawɔwɔ la, ale meŋe ɖekawɔwɔ si le Yuda kple Israel dome.
Yehowa gblɔ nam be, “Tsɔ alẽkplɔla tsibome ƒe lãkplɔnu, elabena mele alẽkplɔla aɖe ɖo ge ɖe anyigba la nu si makpɔ alẽ bubuwo ta alo adi alẽviwo alo abla abi na esiwo xɔ abi alo adi nuɖuɖu na esiwo le sesĩe la o, ke boŋ aɖu alẽ nyuitɔwo ƒe lã, eye wòavuvu woƒe afɔkliwo.
“Baba na alẽkplɔla ɖigbɔ̃ la,
ame si gblẽ alẽha la ɖi!
Yi nelã eƒe abɔ, eye wòaho eƒe ɖusimeŋku!
Eƒe abɔ nedzo ɖo agu,
eye eƒe ɖusimeŋku nagbã keŋkeŋ!”
Woatsrɔ̃ Yerusalem ƒe futɔwo
Esiae nye Yehowa ƒe nya si wògblɔ ɖe Israel ŋu,
Yehowa si wɔ dziƒo kple anyigba, eye wòwɔ gbɔgbɔ de ame me, eyae gblɔ be, “Mawɔ Yerusalem wòanye kplu si ne ame siwo ƒo xlãe noe la, woamu. Woaɖe to ɖe Yuda kple Yerusalem. Gbe ma gbe ne dukɔ siwo katã le anyigba dzi ƒo ƒu ɖe eŋuti la, mawɔ Yerusalem wòanye agakpe si meʋãna o la na dukɔwo. Ame siwo katã adi be yewoamli agakpe sia la axɔ abi. Gbe ma gbe la, made vɔvɔ̃ sɔ ɖe sia ɖe me, eye matsɔ tsukuku ada ɖe wo dolawo dzi.” Yehowae gblɔe. “Nye ŋkuwo anɔ Yuda ƒe aƒe la ŋuti ɖaa, ke magbã ŋku na dukɔwo ƒe sɔwo. Ekema Yuda ƒe kplɔlawo agblɔ le woƒe dzi me be, ‘Yerusalemtɔwo sesẽ, elabena Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae nye woƒe Mawu.’
“Gbe ma gbe la, mawɔ Yuda ƒe kplɔlawo woanɔ abe dzoɖenu le nake si woƒo kɔe la dzi ene. Woanɔ abe akakati bibi le gbe ƒuƒuwo dome ene. Woabi ame siwo ƒo xlã wo, ɖusime kple miame siaa, ke Yerusalem ya anɔ te sesĩe.
“Yehowa aɖe Yuda ƒe nɔƒewo gbã, ale be bubu si le David ƒe aƒe la kple Yerusalem me nɔlawo ŋu la malolo wu Yudatɔ o. Gbe ma gbe la, Yehowa atsɔ akpoxɔnu atsyɔ Yerusalem nɔlawo dzi, ale be ame gblɔetɔ kekeake si le wo dome la anɔ abe David ene, eye David ƒe aƒe la anɔ abe Mawu ene, anɔ abe Yehowa ƒe dɔla si dze ŋgɔ na wo la ene. Gbe ma gbe la, matsrɔ̃ dukɔ siwo katã tso ɖe Yerusalem ŋu.
Konyifafa le ame si wotɔ nui la ŋu
“Makɔ amenuveve kple gbedodoɖa ƒe gbɔgbɔ ɖe David ƒe aƒe la kple Yerusalem nɔlawo dzi. Woakpɔ nye, ame si wotɔ nui la dzi, woafa nɛ abe ale si wofana na vi ɖeka hɔ̃ɔ si ku la ene, eye woafa nɛ vevie abe ŋgɔgbevi si ku la ene. Gbe ma gbe la, avi aɖi hoo le Yerusalem abe ale si Hadad Rimon fa avi vevie le Megido ƒe balime ene. Anyigba la katã afa avi; to ɖe sia ɖe afa avi na eɖokui, eye wo srɔ̃wo anɔ wo gbɔ: to si tso David ƒe aƒe me kple wo srɔ̃wo, to si tso Natan ƒe aƒe me kple wo srɔ̃wo, to si tso Levi ƒe aƒe me kple wo srɔ̃wo, Simei ƒe to kple wo srɔ̃wo, eye to mamlɛawo katã hã kple wo srɔ̃wo.”
Ŋutikɔklɔ tso nu vɔ̃ me
“Gbe ma gbe la, vudo aʋu na David ƒe aƒe la kple Yerusalem nɔlawo be woaklɔ wo ŋuti tso vɔ̃ kple ɖiƒoƒowo katã me.
“Gbe ma gbe la, maɖe legbawo katã ƒe ŋkɔ ɖa le anyigba la dzi, eye womagaɖo ŋku wo dzi akpɔ gbeɖe o.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Maɖe nyagblɔɖilawo kple makɔmakɔnyenye ƒe gbɔgbɔ ɖa le anyigba la dzi. Ne ame aɖe aganɔ nya gblɔm ɖi la, fofoa kple dadaa, ame siwo dzii la agblɔ nɛ be, ‘Èdze na ku, elabena ègblɔ aʋatsonyawo le Yehowa ƒe ŋkɔ me.’ Ke ne egblɔ nya ɖi la, edzilawo ŋutɔ atɔ hɛe wòaku.
“Gbe ma gbe la, nyagblɔɖila ɖe sia ɖe ƒe ŋutega si wòakpɔ la akpe ŋu nɛ. Magado nyagblɔɖilawo ƒe awu si wowɔ kple ɖa la be wòable amewo o. Agblɔ be, ‘Menye nyagblɔɖilae menye o: agbledelae menye. Tso nye ɖekakpuime ke, mekpɔa nye nuɖuɖu tso anyigba me.’ Ne ame aɖe abiae be, ‘Nu ka ƒe abiwoe nye esiwo le ŋutiwò?’ la, aɖo eŋu be, ‘Mexɔ abi siawo le xɔ̃nyewo ƒe aƒe me!’
Woƒo alẽkplɔla, alẽawo kaka
“O yi, nyɔ, nàtso ɖe nye alẽkplɔla la ŋu,
ɖe ame si tsɔ ɖe gbɔnye kpokploe la ŋu!”
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
“Xlã nu ɖe alẽkplɔla la,
alẽawo aka ahlẽ, eye matrɔ nye asi ɖe suetɔwo ŋu
le anyigba blibo la dzi.”
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
“Woaxlã nu ɖe akpa etɔ̃awo ƒe eve woaku,
eye akpa etɔ̃awo ƒe ɖeka atsi afi ma.
Etɔ̃liawo ƒe ɖeka sia matsɔ ade dzo me,
maklɔ wo ŋuti abe ale si woklɔa klosaloe ene,
eye mado wo kpɔ abe ale si
wodoa sika kpɔ ene.
Woayɔ nye ŋkɔ, eye matɔ na wo.
Magblɔ be,
‘Wonye nye amewo’
Woawo hã agblɔ be,
‘Yehowae nye míaƒe Mawu.’ ”
Yehowa, va nàɖu fia
Yehowa ƒe ŋkeke gbɔna esi woama wò nuhahawo na mi.
Maƒo dukɔwo katã nu ƒu be woava awɔ avu kple Yerusalem, woaxɔ du la, woalɔ aƒewo katã ƒioƒioƒio, eye woalé nyɔnuwo sesẽtɔe adɔ kpli wo. Woakplɔ du la ƒe afã ayi aboyo mee, gake ame mamlɛawo atsi dua me. Ekema Yehowa ado, awɔ aʋa kple dukɔ siawo abe ale si wòwɔa aʋae le aʋagbedzi ene. Gbe ma gbe la, atsi tsitre ɖe Amito si le Yerusalem ƒe ɣedzeƒe la dzi, eye Amito la ama ɖe eve kpla, ɖeka ayi ɣedzeƒe, evelia ayi ɣetoɖoƒe. Bali gã aɖe anɔ wo dome ale be to la ƒe afã ayi anyiehe, eye afã ayi dziehe. Miasi ato nye to la ƒe balime, elabena akeke va se ɖe keke Azel. Miasi abe ale si miesi le Yuda fia Uzia ƒe ŋkekewo me esime anyigba ʋuʋu la ene. Ekema Yehowa, nye Mawu la ava, eye kɔkɔetɔwo katã anɔ eŋu.
Gbe ma gbe la, akaɖi, vuvɔ alo afu manɔ anyi o. Anye ŋkeke tɔxɛ, elabena ŋkeke alo zã manɔ anyi o. Yehowa koe nya ŋkeke sia. Ne zã do la, kekeli ava.
Gbe ma gbe la, agbetsi asi tso Yerusalem, afã asi ayi ɖe ɣedzeƒeƒu la me, eye afã asi ayi ɣetoɖoƒeƒu la me. Anɔ alea le dzomeŋɔli kple vuvɔŋɔli siaa.
Yehowa aɖu fia ɖe anyigba blibo la dzi. Gbe ma gbe la, Yehowa ɖeka koe anɔ anyi, eye eya ko ƒe ŋkɔe anɔ anyi.
Anyigba blibo la, tso Geba yi Rimon le Yerusalem ƒe dziehe, anɔ abe Araba ene. Ke woakɔ Yerusalem ɖe dzi, eye wòanɔ eteƒe tso Benyamingbo la nu yi ɖe Agbo Gbãtɔ nu, yi ɖe Dzogoegbo la nu, eye tso Hananel ƒe Gbetakpɔxɔ gbɔ va se ɖe fiawo ƒe wainfiaƒe. Amewo anɔ eme, eye womagagbãe azɔ o. Dedinɔnɔ anɔ Yerusalem ɖaa.
Esiae nye dɔvɔ̃ si Yehowa akplɔ aƒu dukɔ siwo katã wɔ avu kple Yerusalem: woƒe ŋutilãwo aƒaƒã le esime wogale afɔ dzi le yiyim. Woƒe ŋkuwo avo ɖe tome na wo, eye woƒe aɖewo aƒaƒã ɖe nu me na wo. Gbe ma gbe la, Yehowa atsɔ ŋɔdzi aƒo ŋutsuwoe; ŋutsu ɖe sia ɖe aku ɖe nɔvia ƒe asi ŋu, eye woawɔ avu kple wo nɔewo. Yuda hã awɔ avu le Yerusalem; woaƒo dukɔ siwo katã ƒo xlã wo la ƒe kesinɔnuwo nu ƒu, sika kple klosalo gbogbo aɖe kple nudodowo. Dɔvɔ̃ sia tɔgbi adze sɔwo, lãɖisɔwo, kposɔwo, tedziwo kple lã siwo katã le woƒe asaɖawo me la dzi.
Ame siwo katã tsi agbe tso dukɔ siwo wɔ avu kple Yerusalem me la ayi aɖasubɔ Fia si nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ƒe sia ƒe, eye woaɖu Agbadɔmeŋkekenyuiwo. Ne ame siwo le anyigba la dzi dometɔ aɖe meyi ɖe Yerusalem ɖasubɔ Fia si nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la o la, tsi madza na wo o. Ne Egiptetɔwo meyi ɖakpɔ gome le eme o la, tsi madza na wo o. Yehowa aƒo wo kple dɔvɔ̃ siwo wòtsɔ ƒo dukɔ siwo meyi ɖe Agbadɔmeŋkekenyuiɖuƒe o. Esia anye Egipte kple dukɔ bubu siwo meyi Agbadɔmeŋkekenyuiɖuƒe o la ƒe tohehe.
Gbe ma gbe la, woaŋlɔ ɖe gavi siwo wode kɔ na sɔwo la dzi be, “Èle kɔkɔe na Yehowa,” eye nuɖaze siwo le Yehowa ƒe gbedoxɔ me la anɔ abe agba kɔkɔe siwo le vɔsamlekpui la ƒe ŋkume ene. Nuɖaze ɖe sia ɖe si le Yerusalem kple Yuda la anɔ kɔkɔe na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, eye ame siwo katã va vɔsaƒe la atsɔ nuɖaze aɖewo aɖa nu le wo me, eye gbe ma gbe la, Kanaantɔ aɖeke maganɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe gbedoxɔ me o.