- Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020
Tito
Paulo ƒe agbalẽ si wòŋlɔ na Tito
Tito
Tit
Paulo ƒe agbalẽ si wòŋlɔ na
Tito
Nye, Paulo, Mawu ƒe dɔla kple Yesu Kristo ƒe apostolo na Mawu ƒe ame tiatiawo ƒe xɔse kple sidzedze nyateƒe si kplɔa ame yia Mawusosroɖa gbɔe, xɔse kple sidzedze si ku ɖe mɔkpɔkpɔ na agbe mavɔ la ŋu, nu si ŋugbe Mawu, ame si medaa alakpa o la do, hafi ɣeyiɣi mavɔwo dze egɔme, eye wòɖe eƒe nya la fia le eya ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi, to nyanyui la gbɔgblɔ si wòtsɔ de asi nam le Mawu, mía Ɖela la ƒe gbeɖeɖe nu.
Mele agbalẽ sia ŋlɔm na Tito, vinye vavãtɔ le xɔse ɖeka si le mía si la nu.
Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu Fofo la kple Kristo Yesu mía Ɖela gbɔ la nanɔ kpli wò.
Tito ƒe dɔdeasi le Kreta
Nu si ta megblẽ wò ɖe Kreta lae nye be nàɖɔ nu siwo susɔ la ɖo, eye nàɖo hamemegãwo le du ɖe sia ɖe me abe ale si meɖoe na wò ene. Ele na hamemegã be wòanye mokakamanɔŋutɔ, nyɔnu ɖeka ko srɔ̃, ŋutsu si ƒe viwo lé xɔse la me ɖe asi, eye nya mele wo ŋu be wonye aglãdzelawo kple tomaɖolawo o. Esi wònye be wotsɔ Mawu ƒe dɔ de asi na hamemegã ta la, ele nɛ be wòanye mokakamanɔŋutɔ. Manye dadala alo ame si doa dɔmedzoe kabakaba o, manye ahatsunola o, manye ame si wɔa nu gbodogbodo alo tia viɖe ƒoɖi yome o. Ke boŋ wòanye amedzrowɔla, ame si lɔ̃a nu nyui, ɖokuidziɖula, nu dzɔdzɔe wɔla, ame si le kɔkɔe, eye wòwɔa nu ɖe ɖoɖo nu. Ele nɛ be wòalé nyateƒenya la me ɖe asi sesĩe abe ale si wofiae ene, ale be eya hã natsɔ nu dzɔdzɔe fiafia ade dzi ƒo na ame bubuwo, eye wòatsi ɖeklemiɖelawo ƒe nya nu.
Elabena aglãdzela geɖewo le afi ma, nya dzodzro gblɔlawo kple ameblelawo, vevietɔ ame siwo tso aʋatsotso ƒe kɔmama me. Ele be woatsi woƒe nuwɔnawo nu, elabena wole aƒekɔ blibowo dome gblẽm to nu siwo mele be woafia o la fiafia me, eye wowɔa esia ɖe viɖe ƒoɖi ta. Woawo ŋutɔ ƒe nyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Kretatɔwo nye alakpadalawo ɖaa, wonye lã vɔ̃ɖiwo kple nutsuɖula kuviatɔwo” Ɖaseɖiɖi sia le eteƒe, eya ta ka mo na wo vevie, ale be woade blibo le xɔse la me, eye womaɖo to Yudatɔwo ƒe gliwo alo aɖo to ame siwo gbe nu le nyateƒe la gbɔ ƒe sededewo o. Ame siwo dza la, nu sia nu le dzadzɛe na wo, ke ame siwo me gbegblẽ le, eye womexɔe se o la, naneke mele dzadzɛe le wo gbɔ o. Le nyateƒe me la, woƒe susu kple dzitsinya katã me do viviti. Wogblɔna be yewonya Mawu, gake wogbea nu le egbɔ to woƒe nuwɔnawo me. Wonye ŋunyɔnuwo kple tomaɖolawo, eye womedze na nu nyui aɖeke wɔwɔ o.
Nu siwo wòle be woafia hatsotso vovovoawo
Ele na wò be nàfia nu si nye nufiafia si de blibo. Fia ame tsitsiwo be woafa tu, woanye ame siwo dze na bubu, ɖokuidziɖulawo, ame siwo ƒe xɔse de blibo le lɔlɔ̃ kple tenɔnɔ me. Nenema ke, fia nyɔnu tsitsiwo be woafa tu, eye woabu ame le woƒe nuwɔna ɖe sia ɖe me. Womanye ame siwo nɔa tsatsam, nɔa nya vlowo gblɔm tso amewo ŋu la o, eye womanye ahatsunolawo hã o. Ele be nyɔnu tsitsi siawo nafia ɖetugbiwo ale si woafa tui, eye woalɔ̃ wo srɔ̃wo kple wo viwoe. Fia wo be woanye ɖokuidziɖulawo, ame dzadzɛwo, aƒemedɔwɔlawo, dɔmenyotɔwo kple ame siwo bɔbɔa wo ɖokui na woawo ŋutɔ srɔ̃wo be ame aɖeke magblɔ nya tovo ɖe Mawu ƒe nya la ŋu o.
Nenema ke, do ŋusẽ ɖekakpuiwo be woanye ɖokuidziɖulawo. Tsɔ ɖokuiwò ɖo kpɔɖeŋui na wo le nu sia nu me, to nu si nyo la wɔwɔ me. Ɖe nuteƒewɔwɔ kple moveviɖoɖo fia le wò nufiafia me. Kpe ɖe esiawo ŋu la, wò nuƒoƒo neto mɔ ɖeka be womakpɔ kpɔtsɔtsɔ le eŋu o, ale be ŋu nakpe ame siwo tsia tsitre ɖe ŋuwò la, elabena nya vɔ̃ aɖeke mele wo si woagblɔ tso mía ŋu o.
Fia kluviwo be woaɖo to woƒe aƒetɔwo le nu sia nu me, woadze agbagba awɔ nu adze wo ŋu, eye womegaɖo nya ŋu na woƒe aƒetɔwo o. Fia wo hã be womegafi woƒe aƒetɔwo o, ke boŋ woaɖe nuteƒewɔwɔ nyui afia be woate ŋu aka ɖe wo dzi blibo ɣe sia ɣi ale be le mɔ ɖe sia ɖe nu la, woawɔ nufiafia tso Mawu, míaƒe Ɖela ŋu wòadze ame ŋu.
Elabena Mawu ƒe amenuveve si hea ɖeɖe vanɛ la do na amewo katã. Efia mí be míagblɔ “Ao” na mawumavɔmavɔ̃ kple xexemenudzodzrowo, eye míanɔ agbe le ɖokuidziɖuɖu, dzɔdzɔenyenye kple mawuvɔvɔ̃ me le fifixexea me, esi míele lalam na yayraŋkeke si míele mɔ kpɔm na, yayraŋkeke si dzi woaɖe míaƒe Mawu gã kple Ɖela Yesu Kristo ƒe ŋutikɔkɔe afia le. Ame si tsɔ eɖokui na ɖe mía ta be yeaɖe mí tso vɔ̃ɖinyenye katã me, be wòakɔ mía ŋuti na eɖokui, ame siwo nye eya ŋutɔ tɔ, eye wole klalo be woawɔ nu si nyo la.
Eya ta fia nu siawo. De dzi ƒo na wò ameawo, eye nàka mo na wo kple ŋusẽ katã. Mègana ame aɖeke nado vlo wò o.
Ale si wòle be Kristotɔ nanɔ agbee
Ɖo ŋku edzi na wò ameawo be ele be woabu dziɖuɖua kple eƒe dɔnunɔlawo; ele be woaɖo to wo, eye woanɔ klalo na dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ ɣe sia ɣi. Mele be woagblɔ nya vɔ̃ ɖe ame aɖeke ŋu loo alo awɔ dzre o, ke boŋ ele be woanye ame fafawo, eye woabu ame sia ame.
Míawo hã míenye abunɛtɔwo kpɔ, eye míegbe toɖoɖo. Ame bubuwo ble mí, eye míezu kluviwo na ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃wo kple fieŋufieŋu vɔ̃ɖiwo. Havimalɔmalɔ̃ kple ŋuʋaʋã xɔ mía me keŋ. Míelé fu amewo, eye woawo hã lé fu mí. Ke esi ɣeyiɣi la de be Mawu, mía Ɖela ƒe amenuveve kple lɔlɔ̃ nado la, eɖe mí, menye esi míedze be woaɖe mí ta o, ke boŋ le eƒe amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ta. Ewɔ esia to ale si wòklɔ míaƒe nu vɔ̃wo ɖa kple ale si wòde Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe dzidzɔ yeye mía me la me. Ekɔ eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe mía dzi, eye wòna wòsɔ gbɔ le mía me. Ewɔ esiawo katã le nu si Yesu Kristo, mía Ɖela wɔ la ta, ale be woate ŋu atso afia na mí le Mawu ƒe ŋkume, le eƒe dɔmenyo gbãgo la ta. Azɔ la, míate ŋu akpɔ gome le agbe mavɔ si wona mí la ƒe kesinɔnu la me. Míele mɔ kpɔm vevie na exɔxɔ. Esia nye nyateƒenya si wògblɔ, eye medi be nàte gbe ɖe nu siawo dzi, ale be ame siwo tsɔ woƒe xɔse de Mawu me la, nakpɔ nyuie be wotsɔ wo ɖokuiwo de nu nyui wɔwɔ me blibo; nu siawo nyo ŋutɔ, eye wohea viɖe geɖe vanɛ na ame sia ame.
Mègade nu nyahehe siwo ku ɖe biabia siwo ŋu ŋuɖoɖo tututu aɖeke mele o kple mawunya ƒe akpa siwo ŋu ɖeklemiɖeɖe geɖe le la me o. Ɖe ɖokuiwò ɖa le nyahehe tso Yudatɔwo ƒe sewo dzi wɔwɔ ŋu me, elabena viɖe aɖeke mele nu sia tɔgbi ŋu o; nu gbegblẽ ko wòhena vɛ. Ne ame aɖe le mama hem va mia dome la, ele be miagbe nya nɛ zi gbãtɔ kple zi evelia. Le esia megbe la, migatsɔ ɖeke le eƒe nya me o, elabena ame ma tɔgbi medaa asi ɖe nu nyui dzi o. Ele nu vɔ̃ wɔm, eye eya ŋutɔ nya nenema.
Dzesidenya mamlɛawo
Mele eɖom be maɖo Artema alo Tikiko ɖe wò. Ne wo dometɔ ɖeka va ɖo la, dze agbagba nàdo gom le Nikopoli kaba abe ale si nàte ŋui ene, elabena meɖo be manɔ afi ma le vuvɔŋɔli la me. Wɔ nu sia nu si nàte ŋui la be nàkpe ɖe Zenas, senyala la kple Apolo ŋu le woƒe mɔzɔzɔ me. Kpɔ egbɔ be wona nu sia nu si woahiã la wo.
Fia míaƒe ameawo be woasrɔ̃ ale si woatsɔ wo ɖokuiwo ade nu nyui wɔwɔ me, ale be woate ŋu akpɔ woƒe gbe sia gbe ƒe nuhiahiãwo, eye womanɔ agbe maɖevi o.
Ame siwo katã le gbɔnye la do gbe na mi nyuie.
Do gbe na ame siwo lɔ̃a mí le xɔse la me.
Amenuveve nanɔ kpli mi katã.