- Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020 Rut Rut ƒe agbalẽ Rut Rut Rut ƒe agbalẽ Elimelek kple Naomi ʋu yi Moabnyigba dzi Le esime ʋɔnudrɔ̃lawo nɔ Israel dzi ɖum la, dɔ va to ɖe anyigba la dzi. Ŋutsu aɖe si tso Efraim ƒe to la me, tso Betlehem le Yudanyigba dzi la ʋu kple srɔ̃a kple viawo yi ɖanɔ Moabnyigba dzi. Ŋutsu la ŋkɔe nye Elimelek, srɔ̃a ŋkɔe nye Naomi, eye wo viŋutsu eveawo ŋkɔwoe nye Maxlon kple Kilion. Wonye Efraimtɔwo tso Betlehem, Yuda heʋu va Moabnyigba dzi, eye wonɔ afi ma. Elimelek, Naomi srɔ̃ ku, eye wòsusɔ Naomi kple via ŋutsu eveawo. Viŋutsu eve siawo ɖe Moab nyɔnuwo; ɖeka ŋkɔe nye Orpa, eye evelia ŋkɔe nye Rut. Esi wonɔ afi ma abe ƒe ewo ene la, Maxlon kple Kilion hã ku, ale wòsusɔ wo dada Naomi ko; srɔ̃ kple vi aɖeke meganɔ esi o. Rut ku ɖe lɔ̃xoa Naomi ŋu Azɔ Naomi ɖoe be yeatrɔ ayi ɖe aƒe le Israelnyigba dzi, elabena ese le Moab be Yehowa gave Israelviwo nu, ale be woƒe agblemenukuwo ganyo. Eya ta eya kple lɔ̃xoyɔvi eveawo dzra ɖo hedze mɔ ɖo ta aƒe. Ke esi wonɔ mɔa dzi yina la, Naomi trɔ eƒe susu, eye wògblɔ na lɔ̃xoyɔvi eveawo be, “Mitrɔ miayi aƒe le mia dzilawo gbɔ. Yehowa nave mia nu abe ale si miewɔ nyui na mia srɔ̃wo kple nye ŋutɔ ene. Yehowa ŋutɔ nana be mia dometɔ ɖe sia ɖe nakpɔ dzidzeme le srɔ̃ŋutsu bubu ƒe aƒe me.” Naomi gbugbɔ nu na wo, eye wofa avi hehehe. Wogblɔ na Naomi be, “Míakplɔ wò ɖo ayi wò ƒometɔwo gbɔ.” Ke Naomi gblɔ na wo be, “Vinyenyɔnuwo, mitrɔ dzo. Nu ka ta miayi kplim ɖo? Ɖe mate ŋu adzi viŋutsuwo na mi miaɖea? Vinyenyɔnuwo, mitrɔ yi miaƒe aƒe me. Ne mesusu be mɔkpɔkpɔ gale asinye, eye meɖe srɔ̃ zã sia me, eye medzi viŋutsuwo hã la, ɖe mialala va se ɖe esime woatsia? Ɖe mianɔ anyi srɔ̃maɖemaɖee va se ɖe ɣe ma ɣia? Ao, vinyenyɔnuwo, ele veyem na mi wu miawo ŋutɔ gɔ̃ hã, elabena Yehowa do asi ɖe gbɔnye!” Wogade asi avifafa me. Orpa gbugbɔ nu na lɔ̃xoa hedo hedenyui nɛ, eye wòtrɔ yi aƒe me, ke Rut ya lé ɖe lɔ̃xoa ŋu. Ale Naomi gblɔ nɛ be, “Rut, atsuwòsi trɔ yi eƒe amewo kple eƒe mawuwo gbɔ; wò hã, trɔ nàyi aƒe me kplii.” Rut ɖo eŋu be, “Mègaƒoe ɖe nunye be magblẽ wò ɖi alo matrɔ le yowòme o. Afi si nàyi la, afi mae mayi, eye afi si nànɔ la, afi mae manɔ. Wò dukɔ anye nye dukɔ, eye wò Mawu anye nye Mawu. Afi si nàku ɖo la, afi mae maku ɖo, eye afi mae woaɖim ɖo. Yehowa nefiam, ne wòagafiam ɖe edzi. Naneke mama nye kple wò dome o, negbe ku ko.” Esi Naomi kpɔ be Rut ɖo kplikpaa be yeayi kpli ye la, edzudzɔ nyaƒoƒo ɖe enu, ale woyi mɔzɔzɔa dzi va se ɖe esime woɖo Betlehem. Zi ƒo le du blibo la me. Nyɔnuwo bia be, “Naomi nye esia nyateƒea?” Naomi ɖo eŋu be, “Migayɔm azɔ be Naomi o. Naomi gɔmee nye dzidzɔnu. Miyɔm azɔ be Mara. Mara gɔmee nye vevesese, elabena Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la na nye agbenɔnɔ zu vevesese sɔŋ. Nu geɖewo nɔ asinye esi medzo le afi sia, ke Yehowa na metrɔ gbɔ kple asi ƒuƒlu. Nu ka ta miayɔm be Naomi esime Yehowa Ŋusẽkatãtɔ trɔ megbe dem, eye wòna fukpekpe va dzinye ɖo?” Ale Naomi kple lɔ̃xoyɔvia Rut, Moab nyɔnu la gbɔ tso Moabnyigba dzi. Wova ɖo Betlehem le nuŋeɣi la ƒe gɔmedzedze. Rut do go Boaz Naomi srɔ̃, Elimelek nɔviŋutsu aɖe nɔ Betlehem, ame si ŋkɔe nye Boaz, eye wònye kesinɔtɔ gã aɖe. Gbe ɖeka la, Rut gblɔ na Naomi be, “Medi be mayi dɔmenyotɔ aɖe ƒe agble ne mafɔ nuku si nuxalawo gblẽ ɖi la va aƒe me.” Naomi gblɔ be, “Enyo; heyi.” Ale Rut yi. Nukutɔe la, agble si me wòyi la nye Boaz, ame si nye Naomi srɔ̃, Elimelek ƒe ƒometɔ la tɔ. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Boaz tso Betlehem va agble la, eye wòdo gbe na dɔwɔlawo be, “Yehowa nanɔ anyi kpli mi!” Woɖo eŋu be, “Yehowa nayra wò!” Boaz bia eƒe dɔwɔlawo dzi kpɔla be, “Ɖetugbi kae nye ema?” Dzikpɔla la ɖo eŋu be, “Ɖetugbi si tso Moabnyigba dzi va kple lɔ̃xoa, Naomi lae. Ebia mɔm ŋdi sia be yeafɔ nuku siwo ge le nuku bablawo me, eye esia dzi ko wòle tso ŋdi ke, fifia koe wòle ɖiɖim ɖe eme vie le vɔvɔli ma te.” Boaz gblɔ na Rut be, “Vinye, ɖo tom; mègayi ɖafɔ nuku siwo nuxalawo gblẽ ɖi la le agble bubu aɖeke me o, eye mègadzo le afi sia hã o. Lé ɖokuiwò ɖe nye dɔlanyɔnuwo ŋu. Lé ŋku ɖe afi si ŋutsuawo le nuku xam le la ŋu, eye nàdze nye dɔlanyɔnuwo yome. Mede se na ŋutsuawo be womaɖe fu aɖeke na wò o, eye ne tsikɔ le wuwòm la, yi nàku tsi le ze siwo me ŋutsuawo ku tsi ɖo la me nàno.” Nya siawo sese na Rut de ta agu, tsyɔ mo anyi, eye wògblɔ be, “Nu kae na nètsɔ ɖe le nye nya me? Nu ka ta nève amedzro aɖe nu ale ɖo?” Boaz ɖo eŋu be, “Mese nu siwo katã nèwɔ na lɔ̃xowò tso esime srɔ̃a ku. Menya nu tso ale si nègblẽ fofowò, dawò kple mia de ɖi kple ale si nèva le ame siwo mènya tsã o dome la ŋu. Yehowa naɖo nyui si nèwɔ la teƒe na wò. Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si gbɔ nèva le sitsoƒe dim le la naɖo eteƒe na wò.” Rut ɖo eŋu be, “Akpe na wò, nye aƒetɔ. Èkpɔ nublanui nam ŋutɔ, èna nye dzi dze eme ɖe ale si nèƒo nu nam lɔlɔ̃tɔe ta, togbɔ be nyemede wò subɔla aɖeke nu o hã.” Le ŋdɔnuɖuɣi la, Boaz yɔ Rut, eye wògblɔ nɛ be, “Va nàɖu nu kpli mí.” Rut nɔ dɔwɔlawo dome heɖu nu kpli wo ɖi ƒodo nyuie, eye nuɖuɖu si wonae la ƒe ɖe gasusɔ. Esi wògayi nukua fɔfɔ dzi la, Boaz gblɔ na nuxalawo be woana wòafɔ nukuawo le bablawo me, eye womegaxe mɔ nɛ kura o. Kpe ɖe esia ŋu la, woalũ nuku aɖewo tso nuku babla me ada ɖe eŋgɔ be wòafɔ, eye womegabia nya aɖekee o. Ale Rut fɔ nuku siwo ge ɖe agblea dzi la va se ɖe fiẽ. Emegbe la, enyɔ lu siwo wòfɔ ƒo ƒu la, eye eƒe dzidzeme anɔ lita blaeve-vɔ-eve. Rut tsɔ lu la yi dua me, eye lɔ̃xoa kpɔ esi sinu wòte ŋu fɔ. Kpe ɖe esia ŋu la, Rut he nuɖuɖu si wòɖu la ƒe susɔe ɖe go, eye wòtsɔe nɛ. Lɔ̃xoa biae be, “Afi ka tututue nèfɔ nuku le egbea? Afi ka nèwɔ dɔ le egbea? Woayra ŋutsu si ve nuwò alea!” Ale Rut gblɔ ame si ƒe agble me wòwɔ dɔ le la na lɔ̃xoa. Egblɔ nɛ be, “Ŋutsu si gbɔ mewɔ dɔ le egbe la ƒe ŋkɔe nye Boaz.” Naomi gblɔ na lɔ̃xoyɔvia be, “Yehowa neyrae! Medzudzɔ agbagbeawo kple kukuawo nu veve kpɔ o. Ŋutsu la nye míaƒe ƒometɔ ŋutɔŋutɔ, eye wònye ƒometɔ siwo wòle be woakpɔ mía dzi la dometɔ ɖeka.” Rut, Moab nyɔnu la yi edzi be, “Egblɔ nam gɔ̃ hã be magava, eye manɔ nuxalawo yome kplikplikpli va se ɖe esime woawu nukuawo xaxa le agble blibo la me nu.” Naomi gblɔ na lɔ̃xoyɔvia Rut be, “Vinyenyɔnu, anyo na wò be nànɔ eƒe nyɔnuviwo ŋu, elabena ne èyi ame bubu aɖe ƒe agble me la, ɖewohĩ woava wɔ nuvevi wò.” Ale Rut lé eɖokui ɖe Boaz ƒe dɔlanyɔnuwo ŋu henɔ nukuwo fɔm va se ɖe esime lu kple ƒo ŋeɣi wu enu, eye wònɔ lɔ̃xoa gbɔ. Rut kple Boaz le lugbɔƒe Gbe ɖeka la, lɔ̃xoa Naomi gblɔ nɛ be, “Vinye, ɣeyiɣi mede be madi ŋutsu aɖe na wò nàɖe, ale be nàganɔ srɔ̃gbe oa? Ŋutsu si le nye susu me lae nye Boaz. Enyo dɔ me na mí ŋutɔ, eye gawu la, míaƒe ƒometɔ wònye. Menya be ele lu gbɔ ge le zã sia me le eƒe lugbɔƒe, eya ta wɔ ɖe nya si magblɔ na wò la dzi. Le tsi, nàsi amiʋeʋĩ, eye nàta avɔ nyui aɖe ayi lugbɔƒea. Mègana wòakpɔ wò o, va se ɖe esime wòaɖu nu vɔ hafi. Lé ŋku ɖe afi si wòamlɔ la ŋu, eye nàyi aɖaklo avɔ ɖa le eƒe afɔ gbɔ, eye nàmlɔ eƒe afɔ nu. Ekema agblɔ nu si ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu la na wò.” Rut ɖo eŋu be, “Enyo, mesee; mawɔ nu sia nu si nègblɔ la.” Ale Rut yi lugbɔƒe la, eye wòwɔ nu si lɔ̃xoa gblɔ nɛ la pɛpɛpɛ. Esi Boaz ɖu nu, eye wòno nu vɔ la, eyi ɖamlɔ anyi dzidzemetɔe ɖe afi si woƒo lu ƒu ɖo la. Rut wɔ ɖɔɖɔɖɔ yi ɖaɖe avɔ le Boaz ƒe afɔ gbɔ, eye wòmlɔ eƒe afɔ nu. Le zãtitina lɔƒo la, Boaz ɖi vo, nyɔ hefɔ bɔbɔ nɔ anyi. Ekpɔ nyɔnu aɖe wòmlɔ eƒe afɔ nu. Ebiae be, “Wò ame kae?” Rut ɖo eŋu be, “Nye Rut, wò dɔlanyɔnue, nye aƒetɔ. Keke wò avɔ ɖe wò dɔlanyɔnu dzi, elabena srɔ̃ɖia nènye.” Boaz do ɣli be, “Meda akpe na Mawu ɖe ɖetugbi abe wò ene ta, elabena ègale Naomi nu vem fifia wu tsã gɔ̃ hã. Eme kɔ ƒãa be ŋutsu aɖe si metsi abe nye ene o, eɖanye ame dahe alo hotsuitɔ o, eyae anyo na wò wu hafi. Ke èɖe asi le ɖokuitɔdidi ŋu, ale be nàɖem, eye nàdzi domenyila na Naomi. Azɔ la, vinye, megavɔ̃ o. Mawɔ nya sia ƒe akpa ɖe sia ɖe ŋu dɔ, elabena ame sia ame nya be ènye ame tɔxɛ aɖe. Ke kuxi ɖeka aɖe le nya la ŋu. Enye nyateƒe be wò ƒometɔe menye, ke ame bubu aɖe gali si do ƒome kpli wò wum. Tsi afi sia dɔ. Ne ŋu ke la, maƒo nu kplii. Ne aɖe wò la, ekema enyo; newɔ eƒe dɔdeasi. Ke ne maɖe wò o la, ekema meta Yehowa be nye ŋutɔ maɖe wò. Mlɔ afi sia va se ɖe esime ŋu nake.” Ale Rut mlɔ Boaz ƒe afɔ nu va se ɖe fɔŋli. Efɔ kaba hafi ŋu ke nyuie, elabena Boaz gblɔ nɛ be, “Mègana ame aɖeke nanya be nyɔnu aɖe va lugbɔƒe le afi sia o.” Boaz gagblɔ nɛ hã be, “Ɖo wò taɖedzi la ɖe anyigba.” Esi Rut wɔ alea la, Boaz ku lu dzidzenu ade kɔ ɖe avɔ la me, eye wòlée nɛ. Ale wòtrɔ yi aƒe me. Esi wòɖo aƒe me la, lɔ̃xoa biae be, “Vinyenyɔnu, aleke nèdee?” Rut gblɔ nu sia nu si Boaz wɔ nɛ la na lɔ̃xoa, eye wògblɔ kpe ɖe eŋu be, “Eyae tsɔ lu dzidzenu ade sia nam hegblɔ kpe ɖe eŋu be, ‘Menyo be nàtrɔ ayi lɔ̃xowò gbɔ kple asi ƒuƒlu o.’ ” Tete Naomi gblɔ na Rut be, “Vinyenyɔnu, lala va se ɖe esime nàkpɔ ale si nya la ava wu enui ɖa, elabena Boaz madzudzɔ o, va se ɖe esime wòakpɔ ta na nya la egbea.” Boaz ɖe Rut Boaz yi ɖanɔ dua ƒe ƒuƒoƒe, eye eteƒe medidi o la, ekpɔ Elimelek ƒe ƒometɔ si ƒe nya wògblɔ na Rut. Eyɔe gblɔ nɛ be, “Nɔvinye, va nɔ gbɔnye le afii; medi be matsɔ nya aɖe aɖo wò ŋkume.” Wonɔ anyi, eye Boaz yɔ dua ƒe ame tsitsiwo be woava nɔ anyi abe ɖasefowo ene. Boaz gblɔ na eƒe ƒometɔ la be, “Ènya Naomi, nyɔnu si gbɔ tso Moabnyigba dzi va mía gbɔa? Ele mía nɔvi Elimelek ƒe anyigba dzram, eye mekpɔ be ele be maƒo nu kpli wò tso eŋu, ale be ne èlɔ̃ la, nàƒlee le bubume siawo, ame siwo nye míaƒe ɖasefowo la ƒe ŋkume. Ne èdi be yeaƒlee la, ekema nàna manya fifi laa, elabena ne màƒlee o la, maƒlee. Wòe nye ame gbãtɔ si aƒlee; nyee nye evelia.” Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Enyo, maƒlee.” Boaz yi edzi be, “Ne èƒle anyigba la le Naomi si la, ekema ele na wò be nàɖe Rut, Moab nyɔnu la, ale be wòate ŋu adzi vi si alé srɔ̃a kukua ƒe ŋkɔ ɖe te, eye anyigba la nazu eƒe domenyinu.” Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Ekema nyemate ŋui o, elabena Rut viŋutsu ava anyi nye hã nye dome, eye wòagblẽ vinyewo ƒe domenyinuwo me, eya ta àte ŋu aƒlee faa.” Enye kɔnu le Israel ɣe ma ɣi be ne ame aɖe di be yeatsɔ yeƒe ɖuƒe na ame bubu la, ekema aɖe eƒe afɔkpa le afɔ atsɔ na amea le ɖasefowo ƒe ŋkume. Nuwɔna sia nye kpeɖodzi na amewo be nua zu ame evelia tɔ. Ale ŋutsu la ɖe eƒe afɔkpa esi wògblɔ na Boaz be, “Wò ŋutɔ àte ŋu aƒlee faa.” Ale Boaz gblɔ na ɖasefoawo kple ame siwo nɔ tsitre ƒo xlã wo la be, “Miekpɔ be egbe, eya ta meƒle Elimelek, Kilion kple Maxlon ƒe nuwo katã le Naomi si, eye mexɔ Rut, Moab nyɔnu la, ame si nye Maxlon srɔ̃ hã wòzu srɔ̃nye, ale be wòate ŋu adzi ŋutsuvi be srɔ̃a kukua ƒe ŋkɔ natsi eƒe domenyinuwo ŋu, eye eƒe ŋkɔ magabu le ƒomea kple dua me o.” Ale ame siwo katã nɔ agboa nu la gblɔ be, “Míenye ɖasefowo. Yehowa nana be nyɔnu sia, ame si gbɔna wò aƒe me fifia la nazu abe Rahel kple Lea, ame siwo tu Israel ƒe aƒe la katã la ene. Wò alɔ nade dzi le Efrata, eye nàxɔ ŋkɔ le Betlehem. Wò dzidzimevi siwo Yehowa ana wò to nyɔnu sia dzi la nana wò ƒome nanɔ abe Perez, ame si Tamar dzi na Yuda la tɔ ene.” David ƒe dzidzimegbalẽ Ale Boaz ɖe Rut wòzu srɔ̃a, eye esi wòdɔ egbɔ la, Yehowa na wòfɔ fu dzi ŋutsuvi. Nyɔnuwo gblɔ na Naomi be, “Woakafu Yehowa, ame si megblẽ wò ɖi le egbeŋkekea dzi, ale be ƒometɔ manɔ asiwò o; ɖevia naxɔ ŋkɔ le Israel blibo la me, nena wò agbenɔnɔ nazu yeye, eye wòakpɔ dziwò le wò nyagãkuku me, elabena lɔ̃xoyɔviwò, ame si lɔ̃ wò, ame si sɔ gbɔ na wò wu ŋutsuvi adre lae dzii na wò.” Naomi xɔ ɖevi la da ɖe atata, eye wòkpɔ edzi. Nyɔnu siwo nɔ afi ma la gblɔ be, “Naomi dzi viŋutsu.” Wona ŋkɔe be Obed. Eyae dzi Yese, David fofo. Perez ƒe dzidzimeviwo yi ale: Perez dzi Hezron, Hezron dzi Ram, Ram dzi Aminadab, eye Aminadab dzi Nahson, Naheson dzi Salma, Salma dzi Boaz, eye Boaz dzi Obed, Obed dzi Yese, eye Yese dzi David.