- Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020 Nyaɖeɖefia Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽ Nyaɖeɖefia Nyd Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽ Ŋgɔdonya kple gbedoname Esia nye Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia si Mawu nae be wòaɖe afia eƒe dɔlawo tso nu si ava dzɔ kpuie la ŋuti. Edɔ eƒe mawudɔla ɖa be wòaɖe nu siawo afia Yohanes, ame si nye eƒe dɔla. Yohanes ɖi ɖase le nu siwo katã wòkpɔ la ŋu, nu siwo nye Mawu ƒe nya kple ɖaseɖiɖi tso Yesu Kristo ŋu la. Woayra ame si xlẽ nyagblɔɖi sia me nyawo, woayra ame siwo see, eye wotsɔ emenyawo de woƒe dzi me la, elabena ɣeyiɣi la tu aƒe. Agbalẽ sia tso Yohanes gbɔ na hame adre siwo le Asia nuto me: Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu, ame si nɔ anyi, eye wòli, eye wògale vava ge la gbɔ kple gbɔgbɔ adre siwo le eƒe fiazikpui la ŋgɔ kple Yesu Kristo, ame si nye ɖaseɖila anukwaretɔ, ame gbãtɔ si fɔ tso ku me, eye wònye anyigbadzifiawo dzi ɖula la gbɔ na mi. Eya ame si lɔ̃ mí, eye wòɖe mí tso míaƒe nu vɔ̃wo me to eƒe ʋu me, eya ame si wɔ mí be míanye fiaɖuƒe kple nunɔla siwo asubɔ eƒe Mawu kple Fofoa, eya tɔ nanye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen. “Kpɔ ɖa, Egbɔna; lilikpowo aƒo xlãe,” eye “ŋku ɖe sia ɖe akpɔe. Ɛ̃, ame siwo tɔ akplɔe gɔ̃ hã akpɔe.” Ne eva do la, dukɔ siwo katã le anyigba dzi la “afa avi kple ɣli le eya amea ta.” Ɛ̃, Amen. Neva eme nenema! “Nyee nye Alfa kple Omega, gɔmedzedze kple nuwuwu, ame si nɔ anyi, eye wòli, eye wògale vava ge, ame si nye Ŋusẽkatãtɔ.” Aƒetɔ Mawue gblɔe. Yohanes kpɔ ŋutega Nye, mia nɔvi Yohanes, ame si kpe fu kpli mi le Aƒetɔ la ta lae le agbalẽ sia ŋlɔm na mi. Nye hã mekpɔ gome le dzidodo si Mawu nana la me, eye miakpɔ gome le eƒe fiaɖuƒe la hã me! Menɔ Patmo Ƒukpo dzi. Woɖe aboyom yi afi ma le Mawu ƒe nya kple Yesu Kristo ŋuti ɖaseɖiɖi ta. Esime menɔ gbɔgbɔ me le Aƒetɔ la ƒe ŋkekea dzi la, mese gbe sesẽ aɖe le megbenye abe kpẽ ƒe ɖiɖi ene. Enɔ gbɔgblɔm be, “Ŋlɔ nu sia nu si nèkpɔ la da ɖi, eye nàɖo agbalẽ la ɖe hame adre siwo le Efeso, Smirna, Pergamo, Tiatira, Sardis, Filadelfia kple Laodikea.” Esi metrɔ be makpɔ ame si nɔ nu ƒom la, kasia mekpɔ sikakaɖiti adre. Ame aɖe tsi tsitre ɖe wo dome si ɖi Amegbetɔ Vi la. Edo awu ʋlaya aɖe, eye wòtsɔ sikalidziblaka aɖe bla akɔta. Eƒe taɖa fu tititi abe alẽfu alo ɖetifu ene. Eƒe ŋkuwo le abe dzo ƒe aɖewo ene. Eƒe afɔwo biã hẽe abe akɔbli si wode kpodzo me ene, eye eƒe gbe le abe tɔsisi geɖewo ƒe hoowɔwɔ ene. Elé ɣletivi adre ɖe nuɖusi, eye yi ɖaɖɛ nuevee do go tso eƒe nu me. Eƒe mo nɔ keklẽm abe ɣe ƒe keklẽ ene. Esi mekpɔe la, medze anyi ɖe eƒe afɔ nu abe ame kuku ene. Tete wòtsɔ eƒe nuɖusi da ɖe dzinye, eye wògblɔ be, “Mègavɔ̃ o. Nyee nye Gɔmedzedze kple Nuwuwu. Nyee nye Ame si le agbe; meku kpɔ, gake kpɔ ɖa, mele agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Eye ku kple tsiẽƒe ƒe safuiwo le asinye. “Eya ta ŋlɔ nu siwo nèkpɔ fifia kple nu siwo le vava ge emegbe la. Nu ɣaɣla si le ɣletivi adre siwo nèkpɔ melé ɖe nuɖusi kple sikakaɖiti adreawo me lae nye esi: Ɣletivi adreawo nye hame adreawo ƒe mawudɔlawo, eye sikakaɖiti adreawo nye hame adreawo. Gbedeasi na Efeso hame la “Ŋlɔ agbalẽ na Efeso Hamea ƒe mawudɔla be, Esiawoe nye nya siwo tso ame si lé ɣletivi adre ɖe nuɖusi, eye wòle zɔzɔm le sikakaɖiti adreawo dome la gbɔ. Menya wò dɔwɔwɔwo, wò kutrikuku kple wò ŋusẽdodo nu. Menyae be màte ŋu alɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ƒe nya o. Gawu la, èdo ame siwo be yewonye apostolowo, evɔ womenyee o la kpɔ, eye nèkpɔ be wonye aʋatsotɔwo. Èdze agbagba, eye nèto fukpekpe geɖe me le nye ŋkɔ la ta, gake nu meti kɔ na wò o. Gake mekpɔ nu sia le ŋutiwò be ègblẽ wò lɔlɔ̃ gbãtɔ ɖi. Ɖo ŋku afi si nège tso la dzi! Trɔ dzi me, eye nàwɔ nu siwo nèwɔna tsã la. Ne mètrɔ dzi me o la, mava gbɔwò, eye maɖe wò akaɖiti la le enɔƒe. Ke esia nye nu dzeame nèwɔ be nèlé fu Nikolaitɔwo ƒe nuwɔnawo, nu siwo nye hã melé fui. Ame si to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo. Ame si ɖu dzi la, mana ŋusẽe be wòaɖu agbeti si le Mawu ƒe Paradiso me la ƒe tsetsea. Gbedeasi na Smirna hame la “Ŋlɔ agbalẽ na Smirna hamea ƒe mawudɔla be, Esiawoe nye nya siwo tso eya ame si nye Gɔmedzedze kple Nuwuwu, ame si ku, eye wògale agbe la gbɔ. Menya wò fukpekpe kple ahedada, evɔ kesinɔtɔ nènye hafi! Menya ame siwo gblɔa busunyawo. Wobe yewonye Yudatɔwo, evɔ womenyee o, ke boŋ wonye Satana ƒe ƒuƒoƒemenɔlawo. Mègavɔ̃ na fukpekpe siwo ava dziwò la o. Abosam ade mia dometɔ aɖewo gaxɔ me le ŋkeke siawo me be woate mi kpɔ. Woati mia yome ŋkeke ewo si nye ɣeyiɣi kpui aɖe. Nɔ nuteƒewɔwɔ dzi va se ɖe ku me gɔ̃ hã, eye mana agbefiakuku wò. Ame si to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo. Ku evelia mawɔ nu vevi aɖeke ame si aɖu dzi la o. Gbedeasi na Pergamo hame la “Ŋlɔ agbalẽ na Pergamo Hamea ƒe mawudɔla be, Esiawoe nye ame si lé yi ɖaɖɛ nuevee ɖe asi la ƒe nyawo. Menya afi si nèle; eyae nye afi si Satana li eƒe fiazi anyi ɖo la. Ke hã la, ègalé nye ŋkɔ me ɖe asi ko; mègbe nu le wò xɔse si nètsɔ ɖe menye la gbɔ o; èlé eme ɖe asi le Antipas, nye ɖasefo nuteƒewɔla ƒe ɣeyiɣiwo me gɔ̃ hã, ame siwo wowu le miaƒe du si nye Satana nɔƒe la me. Ke hã la, nya ʋɛ aɖewo le asinye ɖe ŋutiwò. Ame aɖewo le mia dome afi ma, ame siwo galé Balaam ƒe nufiafiawo me ɖe asi ko, ame si fia Balak be wòable Israelviwo nu woawɔ nu vɔ̃ to nuɖuɖu siwo wotsɔ sa vɔe na legbawo la ɖuɖu kple ahasiwɔwɔ me. Nenema ke ame siwo lé Nikolai ƒe nufiafia me ɖe asi la hã le mia dome, eya ta trɔ dzi me! Ne menye nenema o la, mava gbɔwò kpuie, eye mawɔ avu kpli wò kple yi si le nye nu me la. Ame si to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo. Ame si ke ɖu dzi la, mana mana ɣaɣla la ƒe ɖee eye mana kpe ɣie, eye le kpea dzi la woŋlɔ ŋkɔ yeye ɖi si ame aɖeke menya o, negbe ame si xɔe la koe. Gbedeasi na Tiatira hame la “Ŋlɔ agbalẽ na Tiatira hamea ƒe mawudɔla be, Esiawoe nye Mawu Vi la ƒe nyawo, ame si ƒe ŋkuwo le abe dzo ƒe aɖe ene, eye eƒe afɔwo le abe gadzĩ si le keklẽm la ene. Menya wò dɔwɔwɔwo, wò lɔlɔ̃, wò xɔse, wò dɔmenyowɔwɔ kple wò vevidodo nu, eye azɔ gɔ̃ hã la, èle wo wɔm wu tsã. Ke hã la, mekpɔ nu sia le ŋutiwò; èɖe mɔ na nyɔnu ma, ame si woyɔna be Yezebel, ame si yɔa eɖokui be nyagblɔɖila. Ekplɔ nye dɔlawo trae to eƒe nufiafia me be woage ɖe ahasiwɔwɔ me, eye be woaɖu nu siwo wotsɔ sa vɔe na legbawo la. Mena ɣeyiɣie be wòatrɔ tso eƒe ŋunyɔnuwo wɔwɔ me, gake egbe, eya ta matsɔe aƒu fukpekpe ƒe aba dzi, eye mana be ame siwo wɔ ahasi kplii la nakpe fu vevie, dzaa ɖe wòtrɔ le eƒe mɔ vɔ̃wo dzi. Maƒu nu viawo woaku ekema hameawo katã anyae be nyee nye dziwo kple susuwo me dzrola, eye maxe fe na ame sia ame le eƒe nuwɔwɔwo nu. Azɔ mele egblɔm na mi ame mamlɛ siwo le Tiatira, mi ame siwo melé eƒe nufiafia me ɖe asi o, eye miesrɔ̃ nu si woawo ŋutɔ le yɔyɔm be Satana ƒe nu goglowo o la, nyemada agba kpekpe bubu aɖeke ɖe mia dzi o. Miawo ya milé nu si le mia si la me ɖe asi sesĩe va se ɖe esime mava. Ame si ɖu dzi, eye wòwɔ nye lɔlɔ̃nu va se ɖe nuwuwu la, eyae mana ŋusẽe ɖe dukɔwo dzi, aɖu wo dzi kple gatikplɔ, atsɔ wo axlã ɖe nu woakaka abe ze ene, eye anɔ abe ale si mexɔ ŋusẽ tso fofonye gbɔ ene. Matsɔ ŋukeɣletivi la hã nɛ. Ame si to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo. Gbedeasi na Sardis hame la “Ŋlɔ agbalẽ na Sardis hamea ƒe mawudɔla be, Esiawoe nye nya siwo ame si lé Mawu ƒe Gbɔgbɔ adreawo kple ɣletivi adreawo ɖe asi la gblɔ. Menya wò dɔwɔwɔwo; wò ŋkɔ ɖi le teƒewo be èle agbe, gake èku Nyɔ! Do ŋusẽ nu siwo susɔ, eye wole kumɔ dzi la, elabena nyemekpɔ be wò dɔwɔwɔ de blibo le nye Mawu ŋkume o, eya ta ɖo ŋku nu si nèxɔ, eye nèse la dzi; wɔ edzi, eye nàtrɔ dzi me. Ke ne mènyɔ o la, mava gbɔwò abe fiafitɔ ene, eye mànya ga si me mava gbɔwò o. Ke hã la, ame ʋɛ aɖewo le asiwò le Sardis, ame siwo meƒo ɖi woƒe awuwo o. Woazɔ kplim, eye woanɔ awu ɣiwo me, elabena wodze nɛ. Ame si ɖu dzi la hã anɔ abe wo ameawo ene, anɔ awu ɣi me. Nyematutu eƒe ŋkɔ ɖa le agbegbalẽa me gbeɖe o, ke boŋ maʋu eƒe ŋkɔ me le Fofonye kple eƒe mawudɔlawo ŋkume. Ame si to senu li na la, nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo. Gbedeasi na Filadelfia hame la “Ŋlɔ agbalẽ na Filadelfia hamea ƒe mawudɔla be, Esiawo nye ame si le kɔkɔe, nye nyateƒetɔ, eye David ƒe safui le esi la ƒe nyawo. Nu si wòʋu la, ame aɖeke mate ŋu atui o, eye nu si wòtu la, ame aɖeke mate ŋu aʋui o. Menya wò dɔwɔwɔwo. Kpɔ ɖa, metsɔ ʋɔ si le ʋuʋu si ame aɖeke mate ŋu atu o la ɖo ŋkuwòme. Menya be wò ŋusẽ le sue, ke hã la, èlé nye nya me ɖe asi, eye mègbe nu le nye ŋkɔ gbɔ o. Mana ame siwo nye Satana ƒe ƒuƒoƒemenɔlawo, ame siwo gblɔ be yewonye Yudatɔwo, evɔ womenyee o, ke boŋ wonye alakpatɔwo la ava de ta agu ɖe wò afɔ nu, eye woaʋu eme be melɔ̃ wò. Esi nèlé nye sedede me ɖe asi be nànɔ te le dzigbɔɖi me ta la, nye hã maɖe wò le dodokpɔ ƒe gaƒoƒo si gbɔna xexea me katã dzi, be woado anyigbadzinɔlawo kpɔ la me. Kpɔ ɖa, megbɔna kaba! Lé ŋusẽ sue si le asiwò la me ɖe asi sesĩe ale be ame aɖeke maxɔ wò fiakuku la le asiwò o. Ame si aɖu dzi la, mawɔe wòazu sɔti le Mawu ƒe gbedoxɔ me, eye magado go akpɔ o. Maŋlɔ nye Mawu ƒe ŋkɔ ɖe eŋu, eye wòazu dumevi, atso nye Mawu ƒe du, Yerusalem Yeye la me. Du sia aɖiɖi tso nye Mawu gbɔ le dziƒo. Mawu ana woaŋlɔ nye ŋkɔ yeye la ɖe ame sia ŋu. Ame sia ame si to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo. Gbedeasi na Laodikea hame la “Ŋlɔ agbalẽ sia na hame si le Laodikea ƒe mawudɔla, Nya siawo tso ame si nye Amen, ame si nye ɖaseɖila, nuteƒewɔla kple anukwaretɔ, ame si nye Mawu ƒe nuwɔwɔwo ƒe gɔmedzedze la gbɔ. Menya wò nyuie be mèfa o, eye mèxɔ dzo hã o. Madi be nàfa alo nàxɔ dzo hafi! Ke esi nèle evedome si alea ta la, matu wò aƒu gbe tso nye nu me! Ègblɔ be, ‘Menye kesinɔtɔ. Nu sia nu si mehiã la le asinye. Naneke mehiãm o!’ Ke mènyae be yenye nublanuitɔ, ame dahe kple ŋkuagbãtɔ, eye yele amama o. Nye aɖaŋuɖoɖo na wòe nye be nàƒle sika nyuitɔ si ŋu wokɔ kple dzo la le gbɔnye. Eya koe ana nànye kesinɔtɔ vavãtɔ. Emegbe la, nàƒle awu ɣi kɔkɔewo le gbɔnye, ale be màganɔ amama, eye ŋu nakpe wò o. Kpe ɖe esia ŋu la, nàƒle ŋkutike le gbɔnye, ada gbe le wò ŋkuwo ŋu, eye nàgakpɔ nu. Mehea to na ame sia ame si melɔ̃na la enuenu, eya ta ele be mahe to na wò, negbe ɖeko nàɖe asi le wò ɖekematsɔleme ŋu, eye nàtsɔ dzo ɖe nu siwo ku ɖe Mawu ŋu la ŋuti hafi. Kpɔ ɖa! Metsi tsitre ɖe ʋɔtru la nu, eye mele eƒom. Ne ame aɖe se nye gbe, eye wòʋu ʋɔa la, mage ɖe eme, eye mi kplii míade asi agba me aɖu nu ɖekae. Mana ame si ɖu dzi la nanɔ nye axadzi le nye fiazikpui dzi abe ale si nye hã meɖu dzi, eye mele Fofonye gbɔ le eƒe fiazikpui dzi ene. Ame siwo to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo.” Dziƒofiazikpui la Le esia megbe la, mekpɔ ʋɔtru aɖe le ʋuʋu le dziƒo le nye ŋkume, eye gbe si mese gbã wònɔ nu ƒom nam abe kpẽ ƒe ɖiɖi ene la gblɔ be, “Va dziƒo afii, eye mafia nu si ava adzɔ le etsɔ me la wò.” Tete menɔ Gbɔgbɔ la me, eye fiazikpui aɖe si le dziƒo la nɔ nye ŋkume, eye ame aɖe nɔ edzi. Ame si nɔ fiazikpuia dzi la ƒe dzedzeme le abe kpe xɔasiwo, yaspa kple kanelia ene. Anyieʋɔ si le abe kpe xɔasi emerald ene la ƒo xlã fiazikpui la. Fiazikpui sue blaeve-vɔ-ene ƒo xlã fiazikpui gãtɔ la, eye amegãxoxo blaeve-vɔ-ene nɔ wo dzi. Wo katã wodo awu ɣiwo, eye woɖɔ sikafiakukuwo. Dzikedzo, dziɖegbe kple sokpewo le dodom tso fiazikpui la me. Akaɖi adre nɔ bibim le fiazikpui la ŋgɔ. Esiawoe nye Mawu ƒe gbɔgbɔ adreawo. Nane si le abe atsiaƒu ene, esi me kɔ abe kristalokpe ene la hã nɔ fiazikpui la ŋgɔ le afi ma. Nu gbagbe ene nɔ titina ƒo xlã fiazikpui la, eye woƒe ŋkuwo ƒo xlã wo, le ŋgɔ kple megbe siaa. Nu gbagbe siawo dometɔ gbãtɔ ɖi dzata. Evelia ɖi nyitsu. Etɔ̃lia ƒe mo ɖi amegbetɔ tɔ, eye enelia le abe hɔ̃ si keke eƒe aʋalawo abe dzodzom wòle ene. Aʋala ade nɔ nu gbagbe eneawo dometɔ ɖe sia ɖe si, woto ŋku ɖe aʋalawo ŋu kpe ɖo, eye woto ŋku ɖe woƒe aʋalawo te gɔ̃ hã. Wonɔ ha dzim madzudzɔmadzudzɔe zã kple keli be, “ ‘Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe, nye Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ,’ ame si nɔ anyi va yi, eli fifia, eye wògale vava ge.” Ne nu gbagbeawo le ŋutikɔkɔe, bubu kple akpedada tsɔm na ame si nɔ fiazikpui la dzi, eye wòle agbe tegbetegbe la, ekema amegãxoxo blaeve-vɔ-eneawo yia klo dzi hetsyɔa mo anyi ɖe eya ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi la ŋgɔ, eye wosubɔa eya ame si le agbe tegbetegbe la. Woɖea woƒe fiakukuwo dana ɖe fiazikpui la ŋgɔ henɔa ha dzim be, “Míaƒe Aƒetɔ kple Mawu, wòe dze be nàxɔ ŋutikɔkɔe, bubu kple ŋusẽ, elabena wòe wɔ nuwo katã; wò lɔlɔ̃nue nètsɔ wɔ woe, eye wò lɔlɔ̃nue na be wole agbe.” Alẽvi la kple agbalẽ la Tete mekpɔ agbalẽ aɖe le ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi la ƒe nuɖusime. Woŋlɔ nu ɖe agbalẽ la me kple egodo siaa, eye wotree kple nutrenu adre. Eye mekpɔ mawudɔla dzɔatsu aɖe le gbeƒã ɖem kple gbe sesẽ aɖe le gbɔgblɔm be, “Ame kae dze aɖe nutrenuawo ɖa alo aʋu agbalẽ la?” Gake ame aɖeke mele dziƒo, anyigba dzi loo alo anyigba te si ate ŋu aʋu agbalẽ la alo akpɔ eme o. Mefa avi vevie, elabena ame aɖeke meli si ŋu wokpɔ ŋudzedze le si dze be wòaʋu agbalẽ la alo akpɔ eme o. Tete amegãxoxoawo dometɔ ɖeka gblɔ nam be, “Kpɔ ɖa, mègafa avi o, elabena Yuda ƒe to la ƒe Dzata si tso David ƒe ke me la ɖu dzi. Eyae ate ŋu aʋu agbalẽ la, eye wòaɖe nutrenu adreawo ɖa.” Eye mekpɔ Alẽvi aɖe, wòdze abe ɖe wowui ene, eye wònɔ tsitre ɖe fiazikpui la titina. Nu gbagbe eneawo kple amegãxoxoawo ƒo xlãe. Dzo adre kple ŋku adre nɔ esi, esiwo nye Mawu ƒe gbɔgbɔ adreawo, esiwo wodɔ ɖo ɖe anyigba blibo la dzi. Eyae va xɔ agbalẽ la le ame si nɔ fiazikpui la dzi la ƒe nuɖusime. Esi wòxɔ agbalẽa la, nu gbagbe eneawo kple amegãxoxo blaeve-vɔ-eneawo dze klo tsyɔ mo anyi ɖe Alẽvi la ŋgɔ. Kasaŋku nɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe si, eye sikagba si yɔ fũu kple dzudzɔʋeʋĩdonu siwo nye ame kɔkɔeawo ƒe gbedodoɖa la hã nɔ woƒe asi me. Wodzi ha yeye be, “Wòe dze be nàʋu agbalẽ la, eye nàɖe nutrenu adreawo ɖa, elabena wowu wò kpɔ, eye nètsɔ wò ʋu ƒle amewoe na Mawu. Tso to sia to, gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ, Nuto ɖe sia ɖe kple dukɔ ɖe sia ɖe me, Èwɔ wo be woanye fiaɖuƒewo kple nunɔlawo ne woasubɔ míaƒe Mawu la, eye woaɖu fia le anyigba dzi.” Tete mekpɔ, eye mese mawudɔla gbogbo aɖewo ƒe gbe siwo ƒe xexlẽme anye akpeakpewo kple akpe ewo (10,000) teƒe akpe ewo (10,000). Woɖe to ƒo xlã fiazikpui la, nu gbagbe eneawo kple amegãxoxoawo. Wole ha dzim kple gbe sesẽ be, “Alẽvi si wowu la, eyae dze, be wòaxɔ ŋusẽ, kesinɔnu, nunya kple ŋutete, kple bubu, ŋutikɔkɔe kple kafukafu.” Esia megbe la, mese nu gbagbe siwo katã le dziƒo, anyigba dzi, anyigba te, atsiaƒu me kpe ɖe nu siwo katã nɔ wo me la ŋuti nɔ ha dzim be, “Alẽvi si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi la tɔe nye kafukafu, bubu, ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ, tso mavɔ me yi mavɔ me!” Nu gbagbe eneawo gblɔ be, “Amen.” Tete amegãxoxo blaeve-vɔ-eneawo tsyɔ mo anyi, eye wosubɔe. Nutrenuawo Mekpɔ Alẽvi la wòʋu nutrenu adreawo ƒe gbãtɔ. Emegbe la, mese nu gbagbe eneawo dometɔ ɖeka gblɔ kple gbe si le abe dziɖegbe ene la be, “Va!” Mekpɔ sɔ ɣi aɖe le ŋgɔnye! Sɔdola la lé dati ɖe asi, eye wotsɔ fiakuku nɛ, eye wòdo sɔ la do go dzo abe kalẽtɔ si ɖoe kplikpaa be yeaɖu dzi la ene. Alẽvi la ɖe nutrenu evelia ɖa, eye wòʋu agbalẽ evelia hã. Mese nu gbagbe evelia wògblɔ be, “Va!” Tete sɔ bubu do go va; ebiã, eye adã le mo nɛ. Wona ŋusẽ edola be wòaɖe ŋutifafa ɖa le anyigba dzi, eye wòana amewo nawu wo nɔewo. Ale wotsɔ yi gã aɖe de asi nɛ. Esi Alẽvi la ɖe nutrenu etɔ̃lia ɖa la, mese nu gbagbe etɔ̃lia wògblɔ be, “Va!” Eye mekpɔ sɔ yibɔ aɖe. Edola lé nudanu ɖe asi. Mese nane si ɖi ame ƒe gbe le nu gbagbe eneawo dome la le gbɔgblɔm be, “Bli agba ɖeka axɔ apaɖila ƒe ŋkeke ɖeka ƒe fetu, eye lu agba etɔ̃ anye apaɖila ƒe ŋkeke ɖeka ƒe fetu. Mikpɔ egbɔ be miegblẽ ami kple wain dome o!” Esi Alẽvi la ɖe nutrenu enelia ɖa la, mese nu gbagbe enelia wògblɔ be, “Va!” Mekpɔ sɔ si ɖi ku ŋutɔ la le ŋkunyeme! Edola ŋkɔe nye Ku, eye Tsiẽƒe le eyome kplikplikpli. Wona ŋusẽ wo ɖe anyigba ƒe mama enelia ƒe ɖeka dzi, be woawu amewo kple yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ kpakple lã wɔadã siwo le anyigba dzi la. Esi Alẽvi la ɖe nutrenu atɔ̃lia ɖa la, mekpɔ vɔsamlekpui aɖe. Le vɔsamlekpui la te la, mekpɔ ame siwo katã wowu ɖe Mawu ƒe Nya la gbɔgblɔ kple ɖaseɖiɖi anukwaretɔe ta la ƒe luʋɔwo. Wodo ɣli kple gbe sesẽ be, “Aƒetɔ Ŋusẽkatãtɔ, kɔkɔetɔ kple dzɔdzɔetɔ, va se ɖe ɣe ka ɣi nàdrɔ̃ ʋɔnu anyigbadzitɔwo, eye nàbia hlɔ̃ ɖe míaƒe ʋu ta?” Tete wotsɔ awu ʋlaya ɣi na wo dometɔ ɖe sia ɖe, eye wogblɔ na wo bena woalala vie va se ɖe esime woƒe hadɔlawo kple wo nɔvi siwo wole wuwu ge abe woawo ke ene la hã ƒe xexlẽme nu nade. Mekpɔ Alẽvi la wòɖe nutrenu adelia ɖa. Enumake anyigba ʋuʋu sesĩe. Ɣe ƒe keklẽ trɔ zu yibɔɔ abe avɔ si wolɔ̃ kple gbɔ̃fu yibɔ la ene. Nenema ke ɣleti hã biã dzẽe abe ʋu ene, eye ɣletivi siwo le dziƒo la ge va dze anyigba abe ale si gbotsetse siwo tsi megbe la dudunae ne ya sesẽ aɖe ʋuʋu ati la ene. Dziŋgɔli gbugbɔ yi megbe abe lãgbalẽ si woŋlɔ ene, eye to ɖe sia ɖe kple ƒukpo ɖe sia ɖe te ɖa le wo nɔƒe. Tete anyigbadzifiawo, bubumewo, aʋafiawo, hotsuitɔwo, kalẽtɔwo kple kluvi ɖe sia ɖe kple ablɔɖevi ɖe sia ɖe yi ɖaɣla wo ɖokuiwo ɖe agadowo me kple agakpewo dome. Wogblɔ na towo kple agakpewo be, “Mimu dze mía dzi ne miaɣla mí ɖa tso ame si nɔ fiazikpui la dzi la ƒe ŋkume kple Alẽvi la ƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la gbɔ, elabena woƒe dɔmedzoeŋkeke gã la ɖo vɔ. Ame kae ate ŋu anɔ te ɖe enu?” Wotre ame akpe alafa ɖeka blaene-vɔ-ene nu Le esia megbe la, mekpɔ mawudɔla ene wole tsitre ɖe anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi, eye wona be ya eneawo magaƒo ato anyigba, atsiaƒu alo ati aɖeke dzi o. Tete mekpɔ mawudɔla bubu tso ɣedzeƒe gbɔna, eye wòlé Mawu gbagbe la ƒe nutrenu ɖe asi. Eyɔ mawudɔla ene, ame siwo wona ŋusẽe be woawɔ nu vevi anyigba kple atsiaƒu la kple gbe sesẽ be, “Mègawɔ nu vevi aɖeke anyigba, atsiaƒu loo alo atiwo o, va se ɖe esime míatsɔ nutrenu aɖo ŋgonu na míaƒe Mawu la ƒe dɔlawo.” Emegbe la, mekpɔ ame siwo wotsɔ nutrenu ɖo ŋgonu na la ƒe xexlẽme. Wole ame akpe alafa ɖeka blaene-vɔ-ene (144,000) eye wo katã wotso Israel ƒe toawo me. Wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Yuda ƒe to la me, wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Ruben ƒe to la me, wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Gad ƒe to la me, wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Aser ƒe to la me, wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Naftali ƒe to la me, wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Manase ƒe to la me, wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Simeon ƒe to la me, wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Levi ƒe to la me, wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Isaka ƒe to la me, wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Zebulon ƒe to la me, wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Yosef ƒe to la me, wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Benyamin ƒe to la me. Ameha gã si le awu ʋlaya ɣiwo me Le esia megbe la, mekpɔ ameha gã aɖe si womate ŋu axlẽ o la le nye ŋkume. Wotso dukɔ sia dukɔ, to sia to, ƒome ɖe sia ɖe kple gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me. Wole tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ le Alẽvi la ŋkume. Wodo awu ʋlaya ɣiwo, eye wolé deʋayawo ɖe asi. Wole ɣli dom kple gbe sesẽ be, “Xɔname nye míaƒe Mawu la tɔ, ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi, kple Alẽvi la tɔ.” Mawudɔlawo katã nɔ tsitre ƒo xlã fiazikpui la, amegãxoxoawo kple nu gbagbe eneawo. Wotsyɔ mo anyi ɖe fiazikpui la ŋgɔ, eye wosubɔ Mawu, le gbɔgblɔm be, “Amen! Kafukafu kple ŋutikɔkɔe kple nunya kple akpedada kple bubu kple ŋusẽ kple ŋutete nanye míaƒe Mawu la tɔ tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen!” Tete amegãxoxoawo dometɔ ɖeka biam be, “Ame kawoe nye ame siawo le awu ʋlaya ɣiwo me, eye afi ka wotso?” Meɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, wòe nyae.” Eye wògblɔ nam be, “Woawoe nye ame siwo do go tso xaxa gã la me. Wonya woƒe awu ʋlayawo, eye wowɔ wo ɣie to Alẽvi la ƒe ʋu me. Eya ta, “wole Mawu ƒe fiazikpui la ŋgɔ ɖo, eye wosubɔnɛ le eƒe gbedoxɔ me zã kple keli, eye ame si nɔ fiazikpui la dzi la akeke eƒe agbadɔ ɖe wo dzi. ‘Dɔ magawu wo akpɔ gbeɖe o. Tsikɔ hã magawu wo akpɔ gbeɖe o. Ɣe magaɖu wo o.’ Alo ŋdɔkutsu nagaɖu wo o, elabena Alẽvi si le fiazikpui la titina la anye woƒe kplɔla. ‘Akplɔ wo ayi agbetsi dzidziwo gbɔe,’ ‘eye Mawu ŋutɔ atutu aɖatsi ɖe sia ɖe le woƒe ŋkume.’ ” Nutrenu adrelia kple sikadzoɖesonu la Esi wòʋu nutrenu adrelia la, ɖoɖoe gã aɖe zi le dziƒo abe gaƒoƒo afã ene, eye mekpɔ mawudɔla adre siwo nɔ tsitre ɖe Mawu ŋkume la, eye wotsɔ kpẽ adre na wo. Mawudɔla bubu si lé sikadzoɖesonu ɖe asi la hã va tsi tsitre ɖe vɔsamlekpui la gbɔ. Wotsɔ dzudzɔʋeʋĩdonu geɖe nɛ be wòatsɔ akpe ɖe ame kɔkɔeawo katã ƒe gbedodoɖawo ŋu, atsɔ aɖo sikavɔsamlekpui si le fiazikpui la ŋgɔ la dzi. Dzudzɔʋeʋĩdonu la ƒe dzudzɔ kpe ɖe ame kɔkɔeawo ƒe gbedodoɖa ŋu ɖo Mawu gbɔ tso mawudɔla la ƒe asi me. Emegbe la, mawudɔla la tsɔ dzoɖesonu la ɖe asi, ɖe dzo tso vɔsamlekpui la dzi kɔ ɖe eme, eye wòtsɔe xlã ɖe anyigba. Tete sokpewo ge tso dziƒo, dzi ɖe gbe, dzi ke dzo, eye anyigba ʋuʋu. Kpẽ adreawo kuku Mawudɔla adre siwo wotsɔ kpẽ adreawo na la nɔ klalo na wo kuku. Mawudɔla gbãtɔ ku eƒe kpẽ la. Tete tsikpe dza, eye wotsɔ dzo si wotɔtɔ kple ʋu la kɔ ɖe anyigba. Tete anyigba ƒe mama etɔ̃ ƒe akpa ɖeka fia. Atiwo hã ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka fia. Nenema ke gbe damawo katã hã fiae. Mawudɔla evelia ku eƒe kpẽ la, eye wòtsɔ nane si lolo abe to ene, eye wòle bibim la ƒu gbe ɖe atsiaƒu me. Atsiaƒu la ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka trɔ zu ʋu. Nu gbagbe siwo katã le atsiaƒua me la ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka ku, eye tɔdziʋu siwo katã nɔ atsiaƒua dzi la ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka hã tsrɔ̃. Mawudɔla etɔ̃lia ku eƒe kpẽ la, eye ɣletivi gã aɖe si le bibim abe akakati gã aɖe ene la ge tso dziƒo va dze tɔsisiwo kple vudowo ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka dzi. Ɣletivi sia ŋkɔe nye “Veve.” Ale tsiwo katã ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka trɔ zu tsi veve. Ale ame geɖewo ku to tsi veve sia nono me. Mawudɔla enelia ku eƒe kpẽ la. Tete wòtsɔ nu xe ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka ŋkume, eye viviti do. Ale ŋkeke ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka mekpɔ kekeli o, eye nenema ke zã ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka hã mekpɔ kekeli o. Esi mele nu siawo kpɔm la, mese hɔ̃ aɖe si nɔ dzodzom le dziƒo titina la gblɔ kple gbe gã aɖe be, “Babaa! Babaa! Babaa na anyigbadzinɔlawo le kpẽ siwo mawudɔla etɔ̃ mamlɛawo ava ku la ta!” Mawudɔla atɔ̃lia ku eƒe kpẽ la, eye mekpɔ ɣletivi si ge tso dziƒo va dze anyigba dzi la. Wotsɔ ʋe globo la ƒe safui na ɣletivi sia. Esi wòʋu nu le ʋe globo la nu la, dzudzɔ do tso eme abe abolokpo gã aɖe mee dzudzɔ le dodom le ene. Dzudzɔ gã la na be ɣe kple dziŋgɔli do viviti. Ʋetsuviwo ƒe ha gã aɖe do go tso dzudzɔ la me va anyigba dzi, eye wòna ŋusẽ wo be woawɔ nu abe ahɔ̃ siwo le anyigba dzi la ene. Wode se na wo be womegagblẽ gbe siwo le anyigba dzi, numiemie loo alo atiwo o, ke boŋ woagblẽ ame siwo Mawu ƒe nutrenu mele ŋgonu na o la. Womena ŋusẽ wo be woawu wo o, ke boŋ be woawɔ funyafunya wo dzinu atɔ̃. Ale fukpekpe si me woto la nɔ abe ale si ame si ahɔ̃ te la sea vevee ene. Le ŋkeke mawo me la, amewo adi ku, gake womakpɔe o. Ku adzro wo vevie, gake ku asi abu ɖe wo. Ʋetsuviawo ƒe dzedzeme le abe sɔ siwo bla akpa hena aʋayiyi ene. Woɖɔ nane ɖe ta si le abe sikafiakuku ene, eye woƒe mowo ɖi amegbetɔwo tɔ. Woƒe ɖa le abe nyɔnuwo ƒe ɖa ene, eye woƒe aɖuwo le abe dzatawo tɔ ene. Wodo akɔtakpoxɔnu siwo le abe gayibɔkɔtakpoxɔnuwo ene, eye woƒe aʋalawo ƒe hoowɔwɔ le abe sɔwo kple tasiaɖamwo ƒe hoowɔwɔ ne wolũ ɖe aʋa me la ene. Asiketiwo kple tiwo le wo si abe ahɔ̃wo tɔ ene, eye ŋusẽ le woƒe asiketiwo me be woawɔ funyafunya amewo hena ɣleti atɔ̃. Woƒe fiae nye mawudɔla si le ʋe globo la dzi kpɔm, ame si ƒe ŋkɔe nye Abadon le Hebrigbe me kple Apolion le Grikgbe me (si gɔmee nye Nugblẽla). Vɔ̃ gbãtɔ nu va yi, eye vɔ̃ eve bubuwo le mɔ dzi gbɔna. Mawudɔla adelia ku eƒe kpẽ la. Tete mese gbe aɖe tso sikavɔsamlekpui si nɔ Mawu ŋkume la ƒe lãdzowo gbɔ. Gbe la gblɔ na mawudɔla adelia si lé kpẽ la ɖe asi la be, “Ɖe ga mawudɔla ene siwo wobla da ɖe Frat tɔsisi gã la to la.” Ale woɖe ga mawudɔla ene siwo wodzra ɖo ɖi na gaƒoƒo vevi, ŋkeke vevi, dzinu vevi kple ƒe vevi sia be woayi aɖawu amegbetɔƒomea ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka. Asrafo siwo do sɔ la ƒe xexlẽme anɔ miliɔn alafa eve (200,000,000). Nye ŋutɔ mekpɔ woƒe xexlẽme. Sɔ kple sɔdola siwo mekpɔ le nye ŋutega me la ƒe dzedzeme nɔ ale: Woƒe akɔtakpoxɔnu biã hẽe abe dzo ene; ɖewo nye blɔ, eye ɖewo hã ɖi aŋuti ɖiɖi abe sulfakpe ene. Sɔawo ƒe tawo ɖi dzatawo ƒe ta, eye dzudzɔ kple sulfakpe do tso woƒe nuwo me. Dzo, dzudzɔ kple sulfakpe si do go tso sɔawo ƒe nu me la wu amegbetɔƒomea ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka. Sɔawo ƒe ŋusẽ le woƒe nuwo kple asiketiwo me, elabena woƒe asiketiwo le abe dawo ene, eye ta li na asiketiawo, esiwo wotsɔna dea abi amewo ŋui. Amegbetɔƒomea si susɔ, ame siwo dɔvɔ̃ siawo mewu o la gbe tɔtrɔ le woƒe asiwo ƒe nu tovowo wɔwɔ me. Wogbe be yewomaɖe asi le gbɔgbɔ vɔ̃wo subɔsubɔ, sika, klosalo, akɔbli, kpe kple ati legba siwo metea ŋu kpɔa nu, sea nu loo alo zɔna o la subɔsubɔ ŋuti o. Nenema ke wometrɔ le woƒe amewuwu, afakaka, ahasiwɔwɔ alo fififi yome o. Mawudɔla kple agbalẽ sue la Tete mekpɔ mawudɔla triakɔ bubu wòtso dziƒo gbɔna. Lilikpo nye awu ʋlaya wòdo, eye anyieʋɔ le eƒe ta dzi, eƒe mo le abe ɣe ene, eye eƒe afɔwo le abe dzosɔtiwo ene. Elé agbalẽ sue aɖe ɖe asi, esi le ʋuʋu le eƒe asiƒome. Etsɔ eƒe ɖusifɔ da ɖe atsiaƒu me, tsɔ eƒe miafɔ da ɖe anyigba dzi, eye wòdo ɣli sesẽ aɖe abe dzata ƒe gbeɖeɖe ene. Esi wòdo ɣlia la, dziɖegbe adreawo ƒe gbe ɖi. Esi dziɖegbe adreawo ƒo nu la, menɔ klalo be maŋlɔ nu, gake mese gbe aɖe tso dziƒo gblɔ nam be, “Tre nu si dziɖegbe adreawo gblɔ la nu, eye mègaŋlɔe da ɖi o.” Ke mawudɔla si mekpɔ wònɔ tsitre ɖe atsiaƒu me kple anyigba dzi la do eƒe ɖusibɔ ɖe dziƒo, eye wòyɔ eya ame si nɔ agbe tegbetegbe, ame si wɔ dziƒowo kple nu siwo katã le wo me, anyigba kple nu siwo le edzi kple atsiaƒu kple nu siwo katã le eme la ƒe ŋkɔ heka atam be, “Heheɖemegbe aɖeke maganɔ anyi o! Gake le ŋkeke siwo me mawudɔla adrelia aku eƒe kpẽa la, Mawu ƒe nu ɣaɣla la ava eme abe ale si wòɖe gbeƒã na eƒe dɔla nyagblɔɖilawoe ene.” Esi gbe si mese tso dziƒo gaƒo nu nam la, egblɔ nam be, “Heyi nàxɔ agbalẽ si le ʋuʋu le mawudɔla si le tsitre ɖe atsiaƒu me kple anyigba dzi la ƒe asi me.” Ale meyi ɖe mawudɔla la gbɔ, eye mebiae be wòatsɔ agbalẽ sue la nam. Egblɔ nam be, “Xɔe, eye nàɖui. Atrɔ azu nu veve le wò dɔ me, gake le wò nu me ya la, avivi abe anyitsi ene.” Mexɔ agbalẽ sue la le mawudɔla la si, eye meɖui. Evivi le nye nu me abe anyitsi ene, ke esi meɖui vɔ la, etrɔ zu nu veve le nye dɔ me. Eyi edzi gblɔ nam be, “Ele na wò be nàgagblɔ nya ɖi tso ame geɖewo, dukɔwo, gbegbɔgblɔwo kple fiawo ŋuti.” Ɖasefo eveawo Wotsɔ aƒla si le abe nudzidzeti ene la nam, eye wogblɔ nam be, “Yi nàdzidze Mawu ƒe gbedoxɔ la kple vɔsamlekpui la, eye nàxlẽ mawusubɔla siwo le afi ma la. Ke ɖe xɔxɔnu si le gbedoxɔa ŋuti la le eme; mègadzidzee o, elabena wotsɔe na ame siwo menye Yudatɔwo o. Woanya avuzi le du kɔkɔe la dzi ɣleti blaene-vɔ-eve sɔŋ. Mana ŋusẽ nye ɖasefo eveawo, eye woata akpanya agblɔ nya ɖi hena ŋkeke akpe ɖeka alafa eve blaade (1,260).” Esiawoe nye amiti eve kple akaɖiti eve siwo le tsitre ɖe anyigba la ƒe Aƒetɔ la ŋkume. Ne ame aɖe dze agbagba be yeawɔ nu vevi wo la, dzo dona le woƒe nu me hefiaa woƒe futɔwo. Aleae ame si di be yeawɔ nu vevi wo la akue. Ŋutsu siawo la, ŋusẽ le wo si be woatu dziŋgɔli, ale be tsi magadza le ɣeyiɣi si me wole nya gblɔm ɖi la o; ŋusẽ le wo si be woatrɔ tsiwo woazu ʋu, eye woada dɔvɔ̃ ƒomevi vovovowo ɖe anyigba dzi zi ale si wolɔ̃. Azɔ ne wowu woƒe ɖaseɖiɖi nu la, lã si ado tso ʋe globo la me la ava wɔ avu kpli wo, aɖu wo dzi, eye wòawu wo. Woƒe ŋutilã kukuawo amlɔ du gã la ƒe mɔtatawo dzi, du gã si wona ŋkɔe le nyamenya nu be Sodom kple Egipte, afi si woklã woƒe Aƒetɔ la ɖe ati ŋu le. Amewo atso ƒome ɖe sia ɖe, to ɖe sia ɖe, gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe kple dukɔ ɖe sia ɖe me akpɔ woƒe ŋutilã kukuawo ŋkeke etɔ̃ kple afã, eye woagbe be yewomaɖi wo o. Anyigbadzinɔlawo akpɔ dzidzɔ le wo ŋuti, eye woaɖu azã, aɖo nunanawo ɖe wo nɔewo, elabena nyagblɔɖila eve siawo wɔ funyafunya ame siwo le anyigba dzi la. Ke le ŋkeke etɔ̃ kple afã la megbe la, agbegbɔgbɔ tso Mawu gbɔ ge ɖe ame kukuawo me, wotsi tsitre, eye ŋɔdzi gã aɖe lé ame siwo kpɔ wo la. Tete wose gbe gã aɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm be, “Miva dziƒo afii.” Ale woyi dziƒo le lilikpo me, eye woƒe futɔwo da ŋku ɖe wo dzi. Le gaƒoƒo ma ke me la, anyigba ʋuʋu ŋɔdzitɔe, eye du la ƒe mama ewo dometɔ ɖeka mu dze anyi; ame akpe adre (7,000) tsrɔ̃ le anyigbaʋuʋu la me. Ke ŋɔdzi lé agbetsilawo, eye wotsɔ ŋutikɔkɔe na Mawu dziƒoʋĩtɔ la. Babadodo evelia nu va yi, ke etɔ̃lia gbɔna kpuie. Kpẽ adrelia kuku Mawudɔla adrelia ku eƒe kpẽ la, eye gbe sesẽ aɖewo ɖi le dziƒo nutowo me bena, “Xexea me ƒe fiaɖuƒe la zu míaƒe Aƒetɔ kple eƒe Kristo la ƒe fiaɖuƒe, eye wòaɖu fia tso mavɔ me yi mavɔ me.” Eye amegãxoxo blaeve-vɔ-eneawo, ame siwo nɔ woƒe fiazikpuiwo dzi le Mawu ŋkume la tsyɔ mo anyi, eye wosubɔ Mawu, le gbɔgblɔm be, “O Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ, míeda akpe na wò, wò ame si li fifia, eye nènɔ anyi kpɔ, elabena èxɔ wò ŋusẽ triakɔ la, eye nèdze dziɖuɖu gɔme. Dukɔwo le nyanyram, eye wò dziku ɖiɖi va. Ɣeyiɣi de be woadrɔ̃ ʋɔnu kukuawo, eye woatu fe na wò dɔla, nyagblɔɖilawo, wò ame kɔkɔeawo kple ame siwo dea bubu wò ŋkɔ ŋuti la, ame gblɔewo kple amegãwo siaa. Nenema ke míeda akpe na wò be nètsrɔ̃ ame siwo tsrɔ̃ anyigba la.” Emegbe la, woʋu Mawu ƒe gbedoxɔ le dziƒo, eye wokpɔ Mawu ƒe nubablaɖaka le eƒe gbedoxɔ me. Tete dzi ke dzo, dzi ɖe gbe, sokpewo ge, anyigba ʋuʋu, eye kpetsi gã aɖe dza. Nyɔnu la kple ʋɔ driba la Dzesi gã wɔnuku aɖe dze le dziƒo. Nyɔnu aɖe si ta ɣe abe avɔ ene, ɣleti le eƒe afɔ te, eye wòɖɔ fiakuku si ŋu ɣletivi wuieve le la va do. Fu nɔ eƒo, eye wònɔ ɣli dom esi wònɔ ku lém be yeadzi vi. Emegbe la, dzesi bubu gadze le dziƒo: ʋɔ driba gã dzẽ aɖe si to ta adre, dzo ewo, eye fiakuku adre le tawo nɛ la va do. Eƒe asike kplɔ ɣletivi siwo le dziŋgɔli ŋu la ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka, eye wòhe wo ƒu gbe ɖe anyigba. Ʋɔ driba la nɔ tsitre ɖe nyɔnu si nɔ ku lém la ŋkume, eye wòle klalo be yeavuvu vidzĩ si nyɔnu la adzi la. Nyɔnu la dzi ŋutsuvi, ame si ava aɖu dukɔwo katã dzi kple gatikplɔ. Tete woxɔ ɖevi la le esi kaba tsɔ yi ɖe Mawu kple eƒe fiazikpui la gbɔe. Emegbe la, nyɔnu la si yi gbedzi le teƒe si Mawu dzra ɖo ɖi nɛ, afi si woakpɔ eta le hena ŋkeke akpe ɖeka alafa eve blaade (1,260). Eye aʋa dzɔ le dziƒo. Maikel kple eƒe mawudɔlawo wɔ aʋa kple ʋɔ driba la, eye ʋɔ driba la kple eƒe dɔlawo hã wɔ aʋa kpli wo. Ke ʋɔ driba la ƒe ŋusẽ metri akɔ o, ale wobu woƒe nɔƒe le dziƒo. Wotsɔ ʋɔ driba gã la, da xoxo si woyɔna be gbɔgbɔ vɔ̃ alo Abosam, ame si kplɔ xexea me katã trae la ƒu gbe. Wotsɔ eya ŋutɔ kple eƒe dɔlawo ƒu gbe ɖe anyigba. Tete mese gbe sesẽ aɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm be, “Azɔ ko míaƒe Mawu la ƒe ɖeɖe, ŋusẽ kple fiaɖuƒe la kple eƒe Kristo ƒe dziɖuɖu ƒe ŋusẽ la va ɖo, elabena wotsɔ mía nɔviawo nu tsola, ame si nɔa wo nu tsom zã kple keli le Mawu ŋkume la ƒu gbe ɖe anyigba. Woɖu edzi to Alẽvi la ƒe ʋu kple woƒe ɖaseɖiɖi me. Womelɔ̃ woƒe agbe nenema gbegbe be woayi sisi ge le ku nu o, eya ta dzi nedzɔ mi, mi dziƒowo kple mi ame siwo nɔ wo me la! Ke baba na anyigba kple atsiaƒu, elabena Abosam ɖi va mia gbɔ! Dzi le ekum vevie, elabena enyae be yeƒe ɣeyiɣi la le kpuie.” Esi ʋɔ driba la kpɔ be wotsɔ ye ƒu gbe ɖe anyigba la, eti nyɔnu si dzi ŋutsuvi la yome. Wotsɔ hɔ̃ gã aɖe ƒe aʋala eveawo na nyɔnu la, ale be wòate ŋu adzo ayi ɖe teƒe si wodzra ɖo ɖi nɛ le gbedzi, afi si woakpɔ eta le hena ɣeyiɣi aɖe, ɣeyiɣiwo kple ɣeyiɣi afã le afi si ʋɔ driba la mate ŋu ade o la. Tete ʋɔ driba la tu tsi to eƒe nu me, esi ɖuɖu abe tɔsisi ene, ne wòaɖɔ alé nyɔnu la, eye tɔsisi la nakplɔe adzoe. Ke anyigba la kpe ɖe nyɔnu la ŋu esi wòke eƒe nu hemi tɔsisi si ʋɔ driba la tu to eƒe nu me la. Dzi ku ʋɔ driba la vevie ɖe nyɔnu la ŋu, eye wòyi be yeaɖawɔ aʋa kple eƒe dzidzimevi mamlɛawo, ame siwo ɖoa to Mawu kple eƒe sededewo, eye wolé Yesu ƒe ɖaseɖiɖi me ɖe asi sesĩe la. Lã wɔadã si do go tso atsiaƒu me Ale ʋɔ driba la nɔ tsitre ɖe atsiaƒu la to. Tete mekpɔ lã wɔadã aɖe wòdo go tso atsiaƒu me gbɔna. Eto dzo ewo kple ta adre; fiakuku ewo nɔ dzoawo dzi, eye woŋlɔ busuŋkɔwo ɖe ta adreawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. Lã wɔadã si mekpɔ la ɖi lãkle, gake eƒe afɔwo nɔ abe sisiblisi tɔwo ene, eye eƒe nu le abe dzata tɔ ene. Ʋɔ driba la tsɔ eƒe ŋusẽ, fiazikpui kple dziɖuɖuŋusẽ na lã wɔadã la. Edze abe lã wɔadã la ƒe tawo dometɔ ɖeka ɖe wòxɔ abi vevie ene, gake abi gã si wòxɔ la ku. Xexea me katã ƒe nu ku, eye wodze lã wɔadã la yome. Amewo subɔ ʋɔ driba la, elabena etsɔ dziɖuɖu ƒe ŋusẽ na lã wɔadã la, eye wosubɔ lã wɔadã la hã hebia be, “Ame kae le abe lã wɔadã la ene? Ame kae ate ŋu awɔ aʋa kplii?” Wona nu lã wɔadã la be wòagblɔ adegbeƒonyawo kple busunyawo, eye be wòaɖu dzi hena ɣleti blaene-vɔ-eve. Eke eƒe nu be yeagblɔ busunya ɖe Mawu ŋu, eye yeaƒo ɖi eƒe ŋkɔ, eƒe nɔƒe kple ame siwo katã li kplii le dziƒo la. Wona ŋusẽe be wòawɔ aʋa kple ame kɔkɔeawo, eye wòaɖu wo dzi. Nenema ke wona dziɖuɖuŋusẽe ɖe to sia to, ƒome sia ƒome, gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple dukɔ sia dukɔ dzi. Anyigbadzitɔwo katã asubɔ lã wɔadã la, ame siwo ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe Alẽvi si wowu tso xexea me ƒe gɔmedzedze ke la ƒe agbegbalẽ la me o. Ame si to senu li na la nesee. “Ne ame aɖe ayi aboyo me la, aboyo mee wòayi. Ne woawu ame aɖe kple yi la, yie woatsɔ awui.” Esia hiã na dzigbɔɖi le dzidodo me kple nuteƒewɔwɔ le ame kɔkɔeawo ƒe akpa dzi. Lã wɔadã si do go tso anyigba ƒe tume Eye mekpɔ lã wɔadã bubu wònɔ dodom tso anyigba ƒe tume. Eto dzo eve abe agbovi ene, gake enɔ nu ƒom abe ʋɔ driba ene. Ewɔ lã wɔadã gbãtɔ ƒe dziɖuɖuŋusẽwo katã ŋu dɔ ɖe lã wɔadã gbãtɔ teƒe, eye wòna be anyigba kple edzinɔlawo katã nasubɔ lã wɔadã gbãtɔ, ame si ƒe kubi wowɔ wòku la. Ewɔ dzesi kple nukunu gãwo, eye wòna be dzo gɔ̃ hã ge tso dziƒo va dze anyi le amewo ƒe ŋkume. Le ŋusẽ si wonae be wòawɔ nukunuwo ɖe lã wɔadã gbãtɔ teƒe ta la, eble anyigbadzitɔwo katã. Ede se na wo be woali legba abe bubudede lã wɔadã si ŋu wode abi kple yi, eye wògale agbe la ŋu ene. Wona ŋusẽe be wòade gbɔgbɔ lã wɔadã gbãtɔ ƒe legba me, ale be legba la nate ŋu aƒo nu, eye be woawu ame siwo katã gbe be yewomasubɔ lã wɔadã la ƒe legba o la. Nenema ke wòzi ame sia ame, suewo kple gãwo, kesinɔtɔwo kple ame dahewo, ablɔɖeviwo kple kluviwo dzi be woade dzesi woƒe nuɖusibɔ alo woƒe ŋgonu, ale be ame aɖeke mate ŋu aƒle nu alo adzra nu o, negbe ɖe wòxɔ dzesi si nye lã wɔadã la ƒe ŋkɔ alo xexlẽme si nye eƒe ŋkɔ la hafi. Esia hiã nunya. Ne sidzedze le ame aɖe si la, nebu lã wɔadã la ƒe xexlẽme kpɔ, elabena enye ame ƒe xexlẽme ƒe dzesi. Eƒe xexlẽme ƒe dzesie nye alafa ade blaade-vɔ-ade. Alẽvi la kple ame akpe alafa ɖeka blaene-vɔ-ene Kasia mekpɔ Alẽvi la le ŋkunyeme. Enɔ tsitre ɖe Zion to la dzi, eye ame akpe alafa ɖeka blaene-vɔ-ene (144,000), ame siwo ƒe ŋgowo nu woŋlɔ eŋkɔ kple Fofoa tɔ ɖo la nɔ tsitre ɖe egbɔ. Mese gbe aɖe tso dziƒo abe tsi geɖewo ƒe hoowɔwɔ alo dzi ƒe gbeɖeɖe ene. Gbe si mese la nɔ abe kasaŋkuƒolawoe nɔ woƒe kasaŋkuwo ƒom ene. Tete wodzi ha yeye le fiazikpui la ŋgɔ kple nu gbagbe eneawo kpakple amegãxoxoawo ƒe ŋkume. Ame aɖeke mete ŋu srɔ̃ ha la o, negbe ame akpe alafa ɖeka blaene-vɔ-ene (144,000), ame siwo woɖe tso anyigba dzi la ko. Ame siawoe nye ame siwo meƒo ɖi wo ɖokuiwo kple nyɔnunya o, elabena wowɔ wo ɖokuiwo kɔkɔe. Wokplɔa Alẽvi la ɖo yia afi sia afi si wòyina la. Woƒle wo tso amegbetɔwo dome, eye wotsɔ wo na Mawu kple Alẽvi la abe nukuwo ƒe gbãtɔwo ene. Womekpɔ alakpa aɖeke le woƒe nu me o, elabena wonye mokakamanɔŋutɔwo. Mawudɔla etɔ̃awo kple woƒe gbedeasiwo Tete mekpɔ mawudɔla bubu wònɔ dzodzom le yame, eye nyanyui mavɔ la le esi ne wòaɖe gbeƒãe na ame siwo le anyigba dzi, na dukɔ ɖe sia ɖe, to ɖe sia ɖe, gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe kple ƒome ɖe sia ɖe. Egblɔ kple gbe gã aɖe be, “Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ, elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe gaƒoƒo la va ɖo. Misubɔ eya ame si wɔ dziƒowo, anyigba, atsiaƒu kple tsi dzidziwo.” Mawudɔla evelia kplɔe ɖo le ɣli dom be, “Womui! Womu Babilonia Gã la, Babilonia si na dukɔwo no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe dɔmedzoewain la.” Mawudɔla etɔ̃lia kplɔ wo ɖo le gbɔgblɔm kple gbe gã aɖe be, “Ne ame aɖe asubɔ lã wɔadã la kple eƒe legba, eye wòaxɔ eƒe dzesi ɖe ŋgonu alo eƒe asi ŋuti la, eya hã ano Mawu ƒe dɔmedzoe ƒe wain si wokɔ ɖe Mawu ƒe dziku helĩhelĩ ƒe kplu la me wòyɔ banaa la. Woawɔ funyafunyae kple aŋɔdzo le mawudɔla kɔkɔeawo kple Alẽvi la ŋkume, eye woƒe fuwɔame ƒe dzudzɔ atu ayi dziƒo tso mavɔ me yi mavɔ me. Dzudzɔ aɖeke meli na ame siwo subɔ lã wɔadã la kple eƒe legba la zã kple keli, alo na ame si xɔ eƒe ŋkɔ ƒe dzesi ɖe eƒe ŋgonu o.” Esia hiã dzigbɔɖi le dzidodo me le ame kɔkɔeawo ƒe akpa dzi, ame siwo wɔa Mawu ƒe sededewo dzi, eye wonɔa nuteƒewɔwɔ dzi na Yesu. Ke mese gbe aɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm be, “Ŋlɔ agbalẽ be: Woayra ame siwo ku le Aƒetɔ la me tso azɔ dzi heyina.” “Ɛ̃,” Gbɔgbɔ la le gbɔgblɔm be, “Woadzudzɔ tso woƒe dɔwɔwɔwo me, elabena woƒe nuwɔnawo adze wo yome.” Xexeame ƒe nuŋeɣi la ɖo Tete mekpɔ lilikpo ɣi aɖe le nye ŋkume, eye ame aɖe si le abe Amegbetɔ Vi la ene la nɔ anyi ɖe lilikpo la dzi. Sikafiakuku le ta nɛ, eye wòlé nuxahɛ gobɛ ɖaɖɛ ɖe asi. Kasia mawudɔla bubu do tso gbedoxɔ la me, eye wòdo ɣli kple gbe sesẽ gblɔ na ame si nɔ anyi ɖe lilikpo la dzi be, “Tsɔ wò nuxahɛ gobɛ la, eye nàxa nu, elabena nuŋeɣi ɖo, eye anyigba ƒe nukuwo ɖi hena xaxa.” Ale ame si nɔ lilikpoa dzi la nye eƒe nuxahɛ gobɛ la ɖe anyigba blibo la tame, ale wòxa nukuwo le anyigba la dzi. Mawudɔla bubu do tso gbedoxɔ si le dziƒo la me. Nuxahɛ gobɛ ɖaɖɛ nɔ eya hã ƒe asi me. Mawudɔla bubu kplɔ eya hã ɖo; eyae nye ame si kpɔa dzo la dzi. Edo tso vɔsamlekpui la me, eye wògblɔ na ame si lé nuxahɛ gobɛ ɖaɖɛ la ɖe asi la kple gbe sesẽ aɖe be, “Tsɔ wò hɛ gobɛ ɖaɖɛ la, eye nàxa wainkpo siwo le anyigba ƒe wainkawo ŋu, elabena eƒe waintsetseawo ɖi.” Mawudɔla la nye eƒe nuxahɛ gobɛ la ɖe anyigba dzi, eye wòxa eƒe wain tsetsewo hetsɔ wo trɔ ɖe Mawu ƒe dɔmedzoe ƒe wainfiaƒe gã la. Wonya avuzi le wo dzi le wainfiaƒe la le du la godo; ʋu si do le wainfiaƒe la me le ɖɔɖɔm va se ɖe sɔwo ƒe numegawo ŋuti ke; afi si wòsi ɖo la anɔ abe kilomita alafa etɔ̃ (300) ene. Mawudɔla adreawo kple dɔvɔ̃ adreawo Eye mekpɔ dzesi gã wɔnuku bubu le dziƒo: mawudɔla siwo lé dɔvɔ̃ adre mamlɛawo ɖe asi, mamlɛawo, elabena woawo me wowu Mawu ƒe dɔmedzoe nu le. Azɔ la, mekpɔ nane si le abe atsiaƒu si le abe ahuhɔ̃e si me biã hẽe abe dzo ene la, eye ame siwo ɖu lã wɔadã la kple eƒe legba kpakple eƒe ŋkɔ ƒe xexlẽmedzesi dzi la le tsitre ɖe atsiaƒu la to. Wolé kasaŋku siwo Mawu tsɔ na wo la ɖe asi, eye wodzi Mose, Mawu ƒe dɔla ƒe ha kple Alẽvi la ƒe ha be, “Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ, Wò nuwɔnawo lolo, eye wowɔ nuku. Wò dukɔwo ƒe fia, wò mɔwo le dzɔdzɔe, eye wonye nyateƒe. O Aƒetɔ, ame kae mavɔ̃ wò, eye wòatsɔ ŋutikɔkɔe ana wò ŋkɔ o? Elabena wò koe le kɔkɔe. Dukɔwo katã ava, eye woasubɔ wò, elabena woɖe wò nu dzɔdzɔe wɔwɔwo fia.” Le esia megbe la, mekpɔ gbedoxɔ si le dziƒo si nye ɖaseɖiɖi ƒe agbadɔ la wònɔ ʋuʋu. Mawudɔla adre siwo lé dɔvɔ̃ adreawo ɖe asi la do tso gbedoxɔ la me. Wodo aklala biɖibiɖi ƒe awu dzadzɛwo, eye wotsɔ sikalidziblaka tso gae ɖe akɔta. Tete nu gbagbe eneawo dometɔ ɖeka tsɔ sikagba adre siwo yɔ fũu kple Mawu ƒe dɔmedzoe helĩhelĩ, Mawu si le agbe tegbetegbe la, na mawudɔla adreawo, eye gbedoxɔ la me yɔ fũu kple dzudzɔ si tso Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple eƒe ŋusẽ gbɔ la. Ame aɖeke mete ŋu ge ɖe gbedoxɔ la me o, va se ɖe esime mawudɔla adreawo ƒe dɔvɔ̃ adreawo nu va yi. Mawu ƒe dɔmedzoekplu adreawo Eye mese gbe gã aɖe tso gbedoxɔ la me le gbɔgblɔm na mawudɔla adreawo be, “Miyi ne miatrɔ Mawu ƒe dɔmedzoekplu adreawo kɔ ɖe anyigba dzi.” Mawudɔla gbãtɔ yi ɖatrɔ eƒe kplu la kɔ ɖe anyigba dzi, eye dɔvɔ̃ la na be abi makumaku kple abi si nana wosea veve la kaka ɖe ame siwo xɔ lã wɔadã la ƒe dzesi, eye wosubɔ eƒe legba la dome. Mawudɔla evelia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe atsiaƒu me, eye wòtrɔ zu ʋu si le abe ame kuku tɔ ene, eye nu gbagbe ɖe sia ɖe ku le atsiaƒu la me. Mawudɔla etɔ̃lia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe tɔsisiwo kple tsi dzidziwo me, eye woawo hã trɔ zu ʋu. Tete mese mawudɔla si kpɔa tsinyawo dzi la gblɔ be, “Wò la, wò ʋɔnudɔdrɔ̃ siawo le eteƒe. Wò, kɔkɔetɔ si li fifia, eye nènɔ anyi kpɔ la, Wò afiatsotsowo le eteƒe, elabena wokɔ wò ame kɔkɔewo kple wo nyagblɔɖilawo ƒe ʋu ɖe anyi, eye nèkpe ʋu na wo be woano abe ale si dze wo ene.” Mese vɔsamlekpui la ɖo eŋu be, “Ɛ̃, Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ, wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo nye nyateƒe, eye wole dzɔdzɔe.” Mawudɔla enelia trɔ eƒe kplu la ɖe ɣe dzi, eye wòna ŋusẽ ɣe la be wòatsɔ dzo ƒe ŋusẽ aɖu amewoe. Ɣe la ɖu wo vevie ale gbegbe be woƒo fi de Mawu ƒe ŋkɔ, ame si kpɔ ŋusẽ ɖe dɔvɔ̃ siawo dzi la. Ke wogbe be yewomatrɔ dzi me atsɔ ŋutikɔkɔe nɛ o. Mawudɔla atɔ̃lia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe lã wɔadã la ƒe fiazikpui dzi, eye viviti nye tsyɔ eƒe fiaɖuƒe la. Amewo ɖu aɖe le vevesese ta, eye woƒo fi de dziƒo ƒe Mawu la le woƒe vevesesewo kple abi siwo woxɔ la ta, gake wogbe be yewomatrɔ le yewoƒe nuwɔnawo yome o. Mawudɔla adelia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe Frat tɔsisi gã la me, eye emetsi la katã mie, ne wòadzra mɔ ɖo na ɣedzeƒefiawo. Tete mekpɔ gbɔgbɔ makɔmakɔ etɔ̃ siwo ɖi akpɔkplɔwo la. Wodo tso ʋɔ driba la ƒe nu me kple lã wɔadã la ƒe nu me kple aʋatsonyagbɔɖila la ƒe nu me. Wonye gbɔgbɔ vɔ̃ siwo le nukunuwo wɔm la, eye wodona yina ɖe xexemefiawo gbɔ, ne woaƒo wo nu ƒu hena aʋawɔwɔ le Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkeke gã la dzi. “Kpɔ ɖa, megbɔna abe fiafitɔ ene! Woayra ame si le ŋudzɔ, eye wògale eƒe awuwo me la, be masi adzo amamae, eye wòaɖe eƒe ŋukpeƒe ɖe go o.” Tete woƒo fiawo katã nu ƒu ɖe teƒe aɖe si woyɔna le Hebrigbe me be Armagedon. Mawudɔla adrelia tsɔ eƒe kplu la trɔ ɖe yame, eye gbe gã aɖe ɖi tso gbedoxɔ la me kple fiazikpui la gbɔ nɔ gbɔgblɔm be, “Wowu enu vɔ!” Tete dzi ke dzo, dzi ɖe gbe, sokpewo ge, eye anyigba ʋuʋu ŋɔdzitɔe. Anyigba meʋuʋu kpɔ nenema tso ɣeyiɣi si wowɔ amegbetɔ ɖe anyigba dzi o, elabena anyigbaʋuʋu la nu sẽ ŋutɔ. Du gã la ma ɖe akpa etɔ̃ me, eye dukɔwo ƒe duwo mu dze anyi. Mawu ɖo ŋku Babilonia Gã la dzi, eye wòtsɔ kplu si yɔ fũu kple eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ ƒe wain la nɛ. Ƒukpo ɖe sia ɖe si dzo, eye womegakpɔ towo gɔ̃ hã o. Tsikpe gã aɖe dza tso dziƒo, eye tsikpe ɖeka ƒe kpekpeme anɔ kilogram blaade-vɔ-atɔ̃. Woge dze amewo dzi le anyigba. Ameawo ƒo fi de Mawu le tsikpe ƒe dɔvɔ̃ la ta, elabena dɔvɔ̃ la dzi ŋɔ ŋutɔ. Gbolo gã la kple lã wɔadã la Mawudɔla adreawo dometɔ ɖeka si lé kplu adreawo ɖe asi la va gblɔ nam be, “Va, mafia tohehe si woana gbolo gã si nɔ anyi ɖe tsi geɖewo dzi la wò. Anyigbadzifiawo wɔ ahasi kplii, eye anyigbadzitɔwo no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe wain mu.” Tete mawudɔla la kɔm le gbɔgbɔ me yi gbedzi. Afi ma mekpɔ nyɔnu aɖe si nɔ anyi ɖe lã dzĩ aɖe dzi, esi ŋu busuŋkɔwo le la. Lã la to ta adre kple dzo ewo. Nyɔnu la do awu legbe si wotɔ kple avɔ blɔ kple avɔ dzĩ, eye wòde sikakɔga keklẽwo, kpe xɔasi dzonuwo kple dzonu bubuwo kɔ. Sikakplu si yɔ fũu kple ŋunyɔnuwo kple eƒe ahasiwɔwɔ ƒe ŋunyɔnu la le esi. Woŋlɔ ŋkɔ si nye nya ɣaɣla la ɖe eƒe ŋgonu be: Babilonia gã la, gbolowo kple anyigbadziŋunyɔnuwo dada. Mekpɔ be nyɔnu la mu ame kɔkɔewo kple ame siwo ɖi ɖase le Yesu ŋuti la ƒe ʋu. Esi mekpɔe la, nye mo wɔ yaa. Tete mawudɔla la biam be, “Nu ka ta wò mo wɔ yaa ɖo? Maɖe nyɔnu la kple lã si dom wòle, lã si to ta adre kple dzo ewo la ƒe nu ɣaɣla me na wò. Lã si nèkpɔ la nɔ anyi tsã, gake megali fifia o, eye ado tso ʋe globo la me ayi eƒe tsɔtsrɔ̃ la me. Anyigbadzitɔ siwo ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe agbegbalẽ la me tso xexea me ƒe gɔmedzedzea me o la ƒe mo awɔ yaa ne wokpɔ lã la, elabena enɔ anyi tsã, ke megali fifia o, gake agatrɔ ava. “Nya sia hiã na susu si me nunya le. Ta adreawo nye togbɛ adre siwo dzi nyɔnu la nɔ anyi ɖo la. Woganye fia adrewo hã. Wo ame atɔ̃ dze anyi, ɖeka li fifia, eye ɖeka mekpɔ va haɖe o. Ke ne eva la, anɔ anyi hena ɣeyiɣi kpui aɖe ko. Lã si nɔ anyi kpɔ, eye megali fifia o lae nye fia enyilia. Enye fia adreawo dometɔ ɖeka, eye wòyina ɖe eƒe tsɔtsrɔ̃ la me. “Dzo ewo siwo nèkpɔ la nye fia ewo siwo si fiaɖuƒe mesu haɖe o la, gake woana dziɖuɖuŋusẽ wo abe fiawo ene, kpe ɖe lã la ŋu hena gaƒoƒo ɖeka. Taɖodzinu ɖeka le wo si, eye woatsɔ woƒe ŋusẽ kple dziɖuɖuŋusẽ ana lã la. Woawɔ aʋa kple Alẽvi la, gake Alẽvi la aɖu wo dzi, elabena eyae nye aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ kple fiawo ƒe Fia la, eye eƒe ame tiatiawo, ame siwo wòyɔ kple ame siwo dze eyome le anukware me la anɔ egbɔ.” Mawudɔla la yi edzi gblɔ nam be, “Tsi siwo nèkpɔ, esiwo dzi gbolo la nɔ anyi ɖo la nye amewo, amehawo, dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo. Lã la kple eƒe dzo ewo siwo nèkpɔ la alé fu gbolo la, woahee va gbegblẽ me, eye woagblẽe ɖi amamae; woaɖu eƒe lã, eye woatɔ dzoe, elabena Mawu tsɔe de woƒe dzi me be woana eƒe tameɖoɖo nava eme ne woalɔ̃ atsɔ woƒe ŋusẽ ana lã la ne wòatsɔ aɖu dzii va se ɖe esime Mawu ƒe nyawo nava eme. Nyɔnu si nèkpɔ la, eyae nye du gã si le anyigbadzifiawo dzi ɖum.” Babilonia ƒe anyidzedze Le esia megbe la, mekpɔ mawudɔla bubu wòɖi tso dziƒo gbɔna. Ŋusẽ gã aɖe nɔ esi, eye eƒe ŋutikɔkɔe na anyigba dzi klẽ. Edo ɣli kple gbe gã aɖe be, “ ‘Womui! Womu Babilonia Gã la!’ Eva zu aƒe na gbɔgbɔ vɔ̃wo kple mɔ sesẽ na gbɔgbɔ makɔmakɔwo kple xadza na xevi makɔmakɔwo kple lã siwo womeɖuna o la, elabena dukɔwo katã no eƒe dɔmedzoe ƒe wain si nye eƒe gbolowɔwɔ la. Anyigbadzifiawo wɔ ahasi kplii, eye anyigbadzisitsala gãwo zu hotsuitɔ gãwo to eƒe kesinɔnu gbogboawo me.” Tete mese gbe bubu tso dziƒo le gbɔgblɔm be, “ ‘Nye amewo, mido go le wo dome,’ be miagakpɔ gome le woƒe nu vɔ̃wo me o, be woƒe dɔvɔ̃wo dometɔ aɖeke nagava mia dzi o, elabena woƒe nu vɔ̃wo li kɔ yi ɖe dziƒo ke, eye Mawu ɖo ŋku woƒe nu tovowo wɔwɔ dzi. Wɔe nɛ abe ale si wòwɔ ene. Ɖo eteƒe nɛ zi eve ɖe nu si wòwɔ la ta. Tɔtɔ eya ŋutɔ ƒe kplu eve ne nàtsɔ nɛ. Egblɔ le eƒe dzi me dadatɔe be, ‘Menɔ anyi abe nyɔnufia ene, nyemenye ahosi o, eye nyemafa konyi akpɔ o.’ Eya ta tsɔ fuwɔame kple vevesese nɛ wòasɔ gbɔ abe ale si wòtsɔ ŋutikɔkɔe kple kesinɔnuwo na eɖokui ene. Eya ta le ŋkeke ɖeka me la, eƒe dɔvɔ̃wo ava ƒo ɖe edzi, esiwo nye ku, konyifafa kple dɔwuame. Dzo ava fiae keŋkeŋ, elabena ŋusẽtɔe nye Aƒetɔ Mawu, ame si drɔ̃ ʋɔnui. “Ne anyigbadzifia siwo wɔ ahasi kplii, eye wokpɔ gome le eƒe kesinɔnuwo me kpɔ dzo si wotɔe ƒe dzudzɔ la, woafa avi, eye woafa nɛ. Eƒe fuwɔame ado ŋɔdzi na wo ale gbegbe be woanɔ adzɔge ke anɔ avi fam kple ɣli be, “ ‘Baba! O du gã, baba na wò. O Babilonia, du si ŋu ŋusẽ le! Le gaƒoƒo ɖeka me, wò tsɔtsrɔ̃ va ɖo!’ “Anyigbadzisitsalawo afa avi, eye woafa nɛ, elabena ame aɖeke megale woƒe adzɔnuwo ƒlem o. Adzɔnu siawoe nye sika, klosalo, kpe xɔasiwo, dzonuwo, aklala biɖibiɖiwo, ago, sedavɔ, avɔ dzĩwo, ati ʋeʋĩ vovovowo kple nu vovovo siwo wowɔ kple nyiɖu, ati xɔasiwo, akɔbli, gayibɔ kple kpe xɔasiwo. Bubuawoe nye atike ʋeʋĩ, sinamɔn, detsiƒonu ʋeʋĩwo, dzudzɔʋeʋĩdonuwo, kotoklobo, lifi, wain, amitimi, wɔ memi, lu, nyiwo, alẽwo, sɔwo kple woƒe tasiaɖamwo, kluviwo kple amewo ƒe luʋɔwo. “Wo katã woagblɔ be, ‘Kutsetse si nèdi vevie la do le asiwò me. Wò kesinɔnuwo kple wò atsyɔ̃ hã tsrɔ̃; womagatrɔ agbɔ gbeɖe o.’ Asitsala siwo dzra nu siawo, eye wokpɔ woƒe kesinɔnuwo tso egbɔ la atsi tsitre ɖe adzɔge ke le ŋɔdzi si lé wo ɖe eƒe fuwɔame ta la ta. Woafa avi, afa konyi, eye woado ɣli be, “ ‘Baba! O du gã si do aklala biɖibiɖi kple avɔ dzĩ kple avɔ blɔtɔ ƒe awu legbe, eye nède sikakɔga si le dzo dam, kpe xɔasiwo kple dzonu ƒuƒuiwo, baba na wò! Le gaƒoƒo ɖeka pɛ ko me la, wò kesinɔnu gbogbo siawo tsrɔ̃!’ “Azɔ la, kuɖɔɖola ɖe sia ɖe, ame siwo katã ɖoa tɔdziʋu, tɔdziʋukulawo kple ame siwo katã kpɔa woƒe abolo tso ƒudzidɔwɔwɔ me la katã anɔ adzɔge. Ne wokpɔ dzo si wotɔe ƒe dzudzɔ le tutum la, woado ɣli be, ‘Du aɖe nɔ anyi kpɔ abe du gã sia enea?’ Woalɔ ke akɔ ɖe tame, woafa avi, eye woado konyifaɣli be, “ ‘Baba! O du gã, afi si ame siwo katã si tɔdziʋu si nɔa ƒu dzi le la kpɔ woƒe kesinɔnuwo le. Baba na wò! Le gaƒoƒo ɖeka pɛ ko me, wotsrɔ̃e keŋkeŋ.’ “O dziƒo, dzɔ dzi le eya amea ta! Mi Mawu ƒe amewo apostolowo kple nyagblɔɖilawo, mitso aseye! Elabena Mawu drɔ̃ ʋɔnui ɖe ale si wòwɔ fu mi la ta.” Babilonia ƒe nuwuwu Tete mawudɔla triakɔ aɖe tsɔ kpe aɖe si ƒe lolome anɔ abe wɔtute ene la ƒu gbe ɖe atsiaƒu me, eye wògblɔ be, “Aleae woatsɔ dziku kple ŋusẽ aƒu Babilonia, du gã la anyii, eye magafɔ gbeɖe o. Kasaŋkuƒolawo, hadzilawo, dzekulawo kple kpẽkulawo la, womagase woƒe ŋkɔ le mewò akpɔ gbeɖe o. Nenema ke womagakpɔ asinudɔwɔla aɖeke tɔgbi le mewò akpɔ gbeɖe o. Womagase wɔtutewo ƒe wɔtutu le mewò akpɔ gbeɖe o. Womagakpɔ akaɖi ƒe bibi le mewò akpɔ gbeɖe o. Nenema ke ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe magaɖi le mewò akpɔ gbeɖe o. Wò asitsalawoe nye ame xɔŋkɔwo le xexea me; ètsɔ wò akunyawɔwɔ kplɔ dukɔwo katã trae. Wokpɔ nyagblɔɖilawo kple ame kɔkɔewo kpakple ame siwo katã wowu le anyigba dzi la ƒe ʋu le mewò.” Dziƒonɔlawo dzi haleluya Le esia megbe la, mese nane si ɖi abe ameha gã aɖee le ɣli dom le dziƒo ene be, “Haleluya! Ɖeɖe kple ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ nye míaƒe Mawu la tɔ, elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo nye nyateƒe, eye wole dzɔdzɔe. Ebu fɔ gbolo gã la, ame si do gu anyigba to eƒe ahasiwɔwɔwo me. Ebia hlɔ̃ ɖe eƒe dɔlawo ƒe ʋu ta.” Wogado ɣli ake be, “Haleluya! Eƒe dzotɔtɔ ƒe dzudzɔ le tutum le dziƒo yim tso mavɔ me yi mavɔ me.” Amegãxoxo blaeve-vɔ-eneawo kple nu gbagbe eneawo tsyɔ mo anyi, eye wosubɔ Mawu, ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui dzi la. Wodo ɣli be, “Amen, Haleluya!” Tete gbe aɖe ɖi tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm be, “Mikafu míaƒe Mawu la, mi eƒe dɔlawo katã, mi ame siwo vɔ̃nɛ, ame gblɔewo kple ŋusẽtɔwo siaa!” Tete mese nu si ɖi abe ameha gã aɖe ƒe gbe ene, eye wòle abe tsi geɖewo ƒe sisi ƒe hoowɔwɔ alo dzi ƒe gbeɖeɖe sesẽ aɖe ene be, “Haleluya! Elabena míaƒe Aƒetɔ, Mawu Ŋusẽkatãtɔ lae le dzi ɖum. Mina míakpɔ dzidzɔ, atso aseye, eye míatsɔ ŋutikɔkɔe nɛ! Elabena Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeŋkekenyui la ɖo, eye eƒe ŋugbetɔ la dzra eɖokui ɖo le klalo. Wotsɔ aklala biɖibiɖi ƒe awu si le dzo dam, eye eŋuti kɔ la nɛ be wòado.” (Aklala biɖibiɖi nye dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ siwo ame kɔkɔeawo wɔ la ƒe dzesi.) Tete mawudɔla la gblɔ nam be, “Ŋlɔ agbalẽ be, ‘Woayra ame siwo wokpe va Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe fiẽnuɖuƒe la!’ ” Egblɔ kpe ɖe eŋu be, “Esiawoe nye Mawu ƒe nya vavãwo.” Esi wògblɔ esiawo vɔ la, medze anyi ɖe eƒe afɔ nu be masubɔe, gake egblɔ nam be, “Mègawɔe o! Nye hã menye dɔla abe wò ke ene, kpe ɖe nɔviwò siwo lé Yesu ƒe ɖaseɖiɖi me ɖe asi la ŋuti; subɔ Mawu ko! Elabena Yesu ƒe ɖaseɖiɖi la nye nyagblɔɖi ƒe gbɔgbɔ.” Sɔ ɣi dola la Mekpɔ dziƒo nu le ʋuʋu ɖi, eye ame aɖe si le sɔ ɣi aɖe dzi la le nye ŋkume. Sɔdola la ƒe ŋkɔe nye Nuteƒewɔla kple Nyateƒetɔ. Edrɔ̃a ʋɔnu, eye wòwɔa aʋa le dzɔdzɔenyenye me. Eƒe ŋkuwo le abe dzoka xɔxɔwo ene, eye fiakuku geɖewo nɔ eƒe ta. Woŋlɔ ŋkɔ aɖe ɖe eŋuti, esi ame aɖeke menya o, negbe eya ŋutɔ ko. Edo awu ʋlaya si wonyrɔ ɖe ʋu me la, eye eƒe ŋkɔe nye Mawu ƒe Nya. Dziƒoʋakɔwo nɔ eyome. Wonɔ sɔ ɣiwo dom, eye wodo awu siwo wotɔ kple aklala biɖibiɖi, wofu tititi la, eye wo ŋuti kɔ. Yi ɖaɖɛ aɖe do tso eƒe nu me, esi wòatsɔ adza dukɔwo akɔ ɖi; atsɔ gatikplɔ akplɔ wo. Efia wain le wainfiaƒe kple Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe dziku helĩhelĩ. Woŋlɔ ŋkɔ sia ɖe eƒe awu ʋlaya kple eƒe ata ŋu be, Fiawo ƒe Fia kple Aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ. Mekpɔ mawudɔla aɖe le tsitre ɖe ŋdɔgbe, ame si do ɣli kple gbe sesẽ na xevi siwo katã le dzodzom le yame la be, “Miva ƒo ƒu hena Mawu ƒe fiẽnuɖuɖu ƒe kplɔ̃ɖoɖo gã la, ale be miaɖu fiawo, aʋafiawo, kalẽtɔwo, sɔwo kple wo dolawo kple amewo katã ƒe lã, ablɔɖeviwo kple kluviwo, ame gblɔewo kple ŋusẽtɔwo siaa.” Tete mekpɔ lã wɔadã la kple anyigbadzifiawo kple woƒe aʋakɔwo woƒo ƒu hena aʋawɔwɔ kple ame si le sɔ ɣi la dzi la kple eƒe aʋakɔ. Ke wolé lã wɔadã la kple aʋatsonyagbɔɖila la, ame si wɔ nukunu geɖewo le eƒe ŋkɔ me. Etsɔ dzesi siawo ble ame siwo xɔ lã wɔadã la ƒe dzesi, ame siwo hã subɔ eƒe legba la. Wotsɔ wo kple eve la katã ƒu gbe ɖe aŋɔdzota si le bibim la me agbagbee. Wowu wo dometɔ mamlɛawo kple yi si do go tso sɔdola la ƒe nu me la, eye dziƒoxeviwo va ɖu woƒe lã, eye woɖi ƒo. Ƒe akpe ɖeka la Eye mekpɔ mawudɔla aɖe wòɖi tso dziƒo gbɔna. Ʋe globo la ƒe safui kple gakɔsɔkɔsɔ gã aɖe nɔ esi. Elé ʋɔ driba la, da xoxo ma si nye gbɔgbɔ vɔ̃ alo Satana, eye wòblae hena ƒe akpe ɖeka (1,000). Etsɔe ƒu gbe ɖe ʋe gbobo la me, eye wòtui kple safui hetre enu be magable dukɔwo azɔ o, va se ɖe esime ƒe akpe ɖeka (1,000) la nawu enu. Le ema megbe la, woaɖe gae hena ɣeyiɣi kpui aɖe. Mekpɔ fiazikpui siwo dzi ame siwo wona ŋusẽe be woadrɔ̃ ʋɔnu la nɔ, eye mekpɔ ame siwo nu wotso ta le, le woƒe ɖaseɖiɖi na Yesu kple Mawu ƒe nya la ta la ƒe luʋɔwo. Mekpɔ ame siwo mede ta agu na lã la alo eƒe legba o la. Wogbɔ agbe, eye woɖu fia kple Kristo hena ƒe akpe ɖeka (1,000). Ame kuku mamlɛawo megbɔ agbe o, va se ɖe esime ƒe akpe ɖeka (1,000) la wu enu. Esiae nye tsitretsitsi gbãtɔ. Yayratɔwo kple ame kɔkɔewoe nye ame siwo kpɔ gome le tsitretsitsi gbãtɔ me. Ku evelia mekpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi o, ke woanye nunɔlawo na Mawu kple Kristo, eye woaɖu dzi kplii hena ƒe akpe ɖeka (1,000). Satana ƒe anyidzedze Ne ƒe akpe ɖeka (1,000) la de la, woaɖe Satana tso eƒe gaxɔa me, eye wòado go ayi aɖable dukɔwo le xexea me ƒe dzogoe eneawo dzi, esiwo nye Gog kple Magog, be wòaƒo ame siwo ƒe xexlẽme sɔ gbɔ abe ƒutake ene la nu ƒu hena aʋawɔwɔ. Wozɔ to anyigba blibo la dzi heyi ɖaɖe to ɖe Mawu ƒe amewo ƒe asaɖa, du si wòlɔ̃na vevie la. Ke dzo ge tso dziƒo va fia wo katã. Wokɔ Abosam, ame si ble wo la ƒu gbe ɖe aŋɔdzota si le bibim la me, afi si wotsɔ lã wɔadã la kple aʋatsonyagbɔɖila la hã ƒu gbe ɖo la. Woawɔ funyafunya wo zã kple keli tso mavɔ me yi mavɔ me. Nuwuwu ʋɔnudɔdrɔ̃ Tete mekpɔ fiazikpui ɣi gã aɖe kple ame si nɔ anyi ɖe edzi la. Anyigba kple dziŋgɔli si le eŋkume, eye teƒe aɖeke meli na wo o. Eye mekpɔ ame kukuwo, ame deŋgɔwo kple ame gblɔewo nɔ tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ, eye woʋu agbalẽwo. Woʋu agbalẽ bubu si nye agbegbalẽ la. Wodrɔ̃ ʋɔnu ame kukuawo ɖe nu si wowɔ woŋlɔ ɖe agbalẽawo me la nu. Atsiaƒu tsɔ ame kuku siwo le eme la hena. Ku kple tsiẽƒe hã ɖe woƒe ame kukuwo ɖe go, eye wodrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame ɖe nu si wòwɔ la nu. Wotsɔ ku kple tsiẽƒe ƒu gbe ɖe dzota la me. Dzota siae nye ku evelia. Ne womekpɔ ame aɖe ƒe ŋkɔ le agbegbalẽ la me o la, wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzota la me. Yerusalem yeye la Eye mekpɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye, elabena dziƒo gbãtɔ kple anyigba gbãtɔ nu va yi, eye atsiaƒu aɖeke hã megali o. Mekpɔ Du Kɔkɔe la si nye Yerusalem yeye la le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ, eye woɖo atsyɔ̃ nɛ abe ŋugbetɔ si wowɔ leke na hena srɔ̃a ene. Tete mese gbe gã aɖe tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm be, “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe nɔƒe le amegbetɔwo dome azɔ, eye wòanɔ wo gbɔ. Woanye eƒe dukɔ, Mawu ŋutɔ anɔ wo gbɔ, eye wòanye woƒe Mawu. Atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkuwo dzi; ku alo konyifafa alo avifafa alo vevesese maganɔ anyi o, elabena nuɖoanyi xoxoawo nu va yi.” Ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi la gblɔ be, “Mele nuwo katã wɔm yeyee!” Tete wògblɔ be, “Ŋlɔ nu sia da ɖi, elabena nya siawo nye nya siwo dzi woaka ɖo, eye wonye nyateƒenyawo hã.” Eyi edzi gblɔ nam be, “Wowɔe vɔ. Nyee nye Alfa kple Omega, Gɔmedzedze kple Nuwuwu. Ame si tsikɔ le wuwum la, mana tsii wòano tso agbetsivudo la me femaxee. Ame si ɖu dzi la, anyi nu siawo katã ƒe dome, eye manye eƒe Mawu, eye eya hã anye vinye, gake vɔvɔ̃nɔtɔwo, dzimaxɔsetɔwo, ame vɔ̃ɖiwo, hlɔ̃dolawo, ahasiwɔlawo, akunyawɔlawo, trɔ̃subɔlawo kple alakpatɔwo katã la, woƒe nɔƒe anye aŋɔdzota si le bibim ŋɔdzitɔe la me. Esiae nye ku evelia.” Mawudɔla adre siwo lé kplu adre siwo me dɔvɔ̃ adre mamlɛawo le la dometɔ ɖeka va gblɔ nam be, “Va, ne mafia ŋugbetɔ si nye Alẽvi la srɔ̃ la wò.” Tete wòkɔm dzoe le Gbɔgbɔ la me heyi ɖe to gã kɔkɔ aɖe dzi, eye wòɖe Du Kɔkɔe, Yerusalem, si le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ la fiam. Ele keklẽm kple Mawu ƒe ŋutikɔkɔe, eye eƒe keklẽ le abe kpe xɔasi aɖe ene, eye wòle abe yaspakpe ene, eye eme kɔ keŋkeŋkeŋ abe kristalokpe ene. Wotɔ kpɔ titri kɔkɔ aɖe ɖe eŋu, eye woɖe mɔnu wuieve siwo nu agbo le la ɖe gli la me, eye mawudɔla wuieve le agboawo nu. Woŋlɔ Israel ƒe to wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe agboawo dzi. Agbo etɔ̃ le ɣedzeƒe, etɔ̃ le anyiehe, etɔ̃ le dziehe, eye etɔ̃ le ɣetoɖoƒe. Woɖo gɔmeɖokpe wuieve na du la ƒe gliwo, eye woŋlɔ Alẽvi la ƒe apostolo wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi. Mawudɔla si ƒo nu kplim la lé sikanudzidzenu ɖe asi be yeadzidze du la, eƒe agbowo kple eƒe gliwo. Wotso du la ale be eƒe kekeme kple didime siaa sɔ. Edzidze du la, eye wòkpɔ be eƒe didime, kekeme kple kɔkɔme katã nye dzidzeme ɖeka si nye kilomita akpe eve kple alafa eve (2,200). Edzidze gli la ƒe titrime, eye le amegbetɔ ƒe dzidzeka si mawudɔla la lé la nu la, titrime la le mita blaade-vɔ-atɔ̃. Wotsɔ yaspakpe xɔasi ɖo gli lae, eye wotsɔ sika si me kɔ abe ahuhɔ̃e ene la tso du lae. Wotsɔ kpe xɔasi vovovowo ɖo atsyɔ̃ na dua ƒe gli ƒe gɔmeɖokpee. Yaspakpe nye fli gbãtɔ, wotsɔ safirkpe ɖo fli eveliae, fli etɔ̃lia nye kalkedonikpe, fli enelia nye emeraldkpe; woɖo fli atɔ̃lia kple sardonixkpe, fli adelia nye karneliakpe, adrelia nye krisolitekpe, enyilia nye berilkpe, asiekɛlia nye topazkpe, ewolia nye krisoprasekpe, wuiɖekɛlia nye yakintkpe, eye wuievelia nye ametistkpe. Agbo wuieveawo nye kpe xɔasi wuieve, eye wowɔ agbo ɖe sia ɖe kple kpe xɔasi ɖeka. Wowɔ dumɔ gã la kple sika akuakua, eye eme dza abe ahuhɔ̃e ene. Nyemekpɔ gbedoxɔ aɖeke le du la me o, elabena Aƒetɔ Mawu Ŋusẽkatãtɔ kple Alẽvi lae nye eƒe gbedoxɔ. Du la mehiã ɣe alo ɣleti be woaklẽ nɛ o, elabena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe naa kekelii, eye Alẽvi lae nye eƒe akaɖi. Dukɔwo azɔ le eƒe kekeli nu, eye anyigbadzifiawo atsɔ woƒe atsyɔ̃ age ɖe eme. Eƒe agbowo anɔ ʋuʋu ɖi ɖaa, elabena zã mado le afi ma o. Woatsɔ dukɔwo ƒe ŋutikɔkɔe kple bubu ava eme. Nu makɔmakɔ aɖeke mage ɖe eme gbeɖe o; nenema kee nye ŋunyɔnuwɔlawo kple ameblelawo hã, negbe ame siwo ƒe ŋkɔwo woŋlɔ ɖe Alẽvi la ƒe agbegbalẽ la me koe age ɖe eme. Agbetɔsisi la Tete mawudɔla la fia agbetsitɔsisi lam, eye eme kɔ keŋkeŋkeŋ abe kristalokpe ene; ele sisim tso Mawu ƒe fiazikpui la kple Alẽvi la gbɔ heva to dumɔ gã la titina. Agbeti la le tɔsisi la ƒe goawo kple eve dzi; etsea ku wuieve ɣleti ɖe sia ɖe, eye eƒe aŋgbawo nye dɔyɔgbe na dukɔwo. Fiƒode aɖeke maganɔ anyi azɔ o. Mawu kple Alẽvi la ƒe fiazikpui anɔ du la me, eye eƒe dɔlawo asubɔe. Woakpɔ eƒe ŋkume, eye eƒe ŋkɔ anɔ woƒe ŋgowo nu. Zã maganɔ anyi o. Womahiã akaɖi ƒe keklẽ alo ɣe ƒe keklẽ o, elabena Aƒetɔ Mawu ana akaɖi wo, eye woaɖu fia tso mavɔ me yi mavɔ me. Yohanes kple mawudɔla la Mawudɔla la gblɔ nam be, “Nya siawo nye nya siwo ŋu woaɖo dzi ɖo la, eye wonye nyateƒe. Aƒetɔ la, nyagblɔɖilawo ƒe gbɔgbɔ ƒe Mawu la dɔ eƒe dɔla be wòafia nu siwo ava dzɔ kpuie la eƒe dɔlawo.” “Kpɔ ɖa, megbɔna kpuie! Woayra ame si lé nyagblɔɖi siwo le agbalẽ sia me la me ɖe asi.” Nye, Yohanes, nyee nye ame si se nu siawo katã, eye mekpɔ wo. Eye esi mese, hekpɔ nu siawo la, medze klo ɖe mawudɔla si ɖe nu siawo katã fiam la ƒe afɔ nu be masubɔe. Ke egblɔ nam be, “Mègawɔe o! Nye hã dɔla ko menye abe wò ke ene, kpe ɖe nɔviwò nyagblɔɖilawo kple ame siwo katã lé agbalẽ sia me nyawo me ɖe asi la ŋu; subɔ Mawu ko!” Tete wògblɔ nam be, “Mègatre nyagblɔɖi siwo le agbalẽ sia me la nu o, elabena ɣeyiɣi la tu aƒe. Vɔ̃wɔla nenɔ vɔ̃wɔwɔ dzi, ame vɔ̃ɖi nenɔ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ dzi, nyuiwɔla hã nenɔ nyuiwɔwɔ dzi, eye ame si le kɔkɔe la, nenɔ kɔkɔenyenye dzi.” “Kpɔ ɖa, megbɔna kpuie! Nye fetu kpe ɖe ŋutinye, eye maxe fe na ame sia ame le nu si wòwɔ la nu. Nyee nye Alfa kple Omega, Gbãtɔ kple Mamlɛtɔ, Gɔmedzedze kple Nuwuwu. “Woayra ame siwo nya woƒe awu ʋlayawo be woakpɔ mɔ ayi ɖe agbeti la gbɔ, eye be woato agboawo nu age ɖe du la me. Ke avuwo, akunyawɔlawo, ahasiwɔlawo, hlɔ̃dolawo, trɔ̃subɔlawo kple ame siwo lɔ̃a aʋatso, eye wokanɛ hã la atsi agbo la godo. “Nye, Yesue dɔ nye mawudɔla be wòatsɔ ɖaseɖiɖi siawo na wò hena hameawo. Nyee nye Ke tso David me kple eƒe dzidzimevi. Nyee nye Ŋukeɣletivi Keklẽ la.” Gbɔgbɔ la kple ŋugbetɔ la gblɔ be, “Va!” Eye ame si le esem la hã negblɔ be, “Va!” Ne tsikɔ le ame aɖe wum la, neva; eye ame sia ame si lɔ̃ ko la, nexɔ agbetsi la no faa. Mele nu xlɔ̃m ame sia ame si le agbalẽ sia me nyagblɔɖiwo sem la be: Ne ame aɖe atsɔ nane akpe wo la, Mawu ana dɔvɔ̃ siwo katã ƒe nya woŋlɔ ɖe agbalẽ la me la nava edzi, eye ne ame aɖe aɖe nya aɖewo le nyagblɔɖigbalẽ sia me la, Mawu mana wòakpɔ gome le agbeti la kple du kɔkɔe si ŋuti woƒo nu le le agbalẽ sia me la me o. Ame si le ɖase ɖim le nu siawo ŋuti la gblɔ be, “Ɛ̃, megbɔna kpuie.” Amen. Va, Aƒetɔ Yesu. Aƒetɔ Yesu ƒe amenuveve nenɔ anyi kple Mawu ƒe amewo. Amen.