- Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020 Mose 4 Mose ƒe agbalẽ enelia Mose 4 Mo4 Mose ƒe agbalẽ enelia Amexexlẽ Le Israelviwo ƒe dzodzo le Egipte ƒe ƒe evelia ƒe ɣleti evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ si nye Israelviwo ƒe ɣleti evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, Mawu nɔ agbadɔ la me le Israelviwo ƒe asaɖa me le Sinai gbedzi. Yehowa gblɔ nya siawo na Mose be, “Mi kple Aron mixlẽ Israel dukɔ la katã ɖe woƒe towo kple ƒomewo nu. Miŋlɔ Israel ŋutsu siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema la, eye woate ŋu awɔ aʋa la ƒe ŋkɔwo. Eye miɖe ŋutsu ɖekaɖeka le to sia to me, ame siwo anye kplɔlawo na toawo be woakpe ɖe ŋuwò. “Ŋutsu siwo akpe ɖe mia ŋu la ƒe ŋkɔwoe nye: “Elizur, Sedeur ƒe viŋutsu, tso Ruben ƒe to la me. Selumiel, Zurisadai ƒe viŋutsu, tso Simeon ƒe to la me. Nahson, Aminadab ƒe viŋutsu, tso Yuda ƒe to la me. Netanel, Zuar ƒe viŋutsu, tso Isaka ƒe to la me. Eliab, Helon ƒe viŋutsu, tso Zebulon ƒe to la me. Yosef ƒe viwo tɔwoe nye: Elisama, Amihud ƒe viŋutsu, tso Efraim ƒe to la me kple Gamaliel, Pedahzur ƒe viŋutsu, tso Manase ƒe to la me, Abidan, Gideon ƒe viŋutsu, tso Benyamin ƒe to la me, Ahiezer, Amisadai ƒe viŋutsu, tso Dan ƒe to la me, Pagiel, Okran ƒe viŋutsu, tso Aser ƒe to la me, Eliasaf, Deguel ƒe viŋutsu, tso Gad ƒe to la me, Ahira, Enan ƒe viŋutsu, tso Naftali ƒe to la me.” Ame siawoe wotia tso ameawo dome be woanye kplɔlawo na Israel to vovovoawo. Le gbe ma gbe ke la, Mose kple Aron kple ŋutsu wuieve siwo wotia la yɔ dukɔ blibo la ƒo ƒu le dzinu evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, eye woŋlɔ ameawo katã ƒe ŋkɔ ɖe woƒe towo kple ƒomewo nu. Woŋlɔ ŋutsu siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema la ƒe ŋkɔwo, eye woxlẽ wo abe ale si Yehowa de se ene. Mose wɔ ŋkɔŋɔŋlɔ sia le Sinai gbegbe. Eye woxlẽ ŋutsu siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema la, eye woate ŋu ade aʋa le Israel ƒe ŋgɔgbevi Ruben ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo ɖekaɖeka le woƒe ƒomewo kple aƒewo nu. Ame siwo wotia, xlẽ le Ruben ƒe to la me le ame akpe blaene-vɔ-ade, alafa atɔ̃ (46,500). Woxlẽ ŋutsu siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Simeon ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo ɖekaɖeka le woƒe ƒomewo kple woƒe aƒewo nu. Ame siwo wotia, xlẽ le Simeon ƒe to la me le ame akpe blaetɔ̃-vɔ-asieke, alafa etɔ̃ (59,300). Eye woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Gad ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple woƒe aƒewo nu. Ame siwo wotia, xlẽ le Gad ƒe to la me le ame akpe blaene-vɔ-atɔ̃ (45,650), alafa ade blaatɔ̃. Woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Yuda ƒe dzidzimeviwo dome ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu. Ame siwo wotia, xlẽ le Yuda ƒe to la me le ame akpe blaadre-vɔ-ene, alafa ade (74,600). Eye woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Isaka ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu. Ame siwo wotia, xlẽ le Isaka ƒe to la me le ame akpe blaatɔ̃-vɔ-ene, alafa ene (54,400). Eye woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Zebulon ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu. Ame siwo wotia, xlẽ le Zebulon ƒe to me la le ame akpa blaatɔ̃-vɔ-adre, alafa ene (57,400). Yosef ƒe viwo tɔe nye esi: Woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Efraim ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu. Ame siwo wotia, xlẽ le Efraim ƒe to la me le ame akpe blaene, alafa atɔ̃ (40,500). Eye woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Manase ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu. Ame siwo wotia, xlẽ le Manase ƒe to la me le ame akpe blaetɔ̃-vɔ-eve, alafa eve (32,200). Woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Benyamin ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu. Ame siwo wotia, xlẽ le Benyamin ƒe to la me le ame akpe blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ alafa ene (35,400). Eye woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Dan ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu. Ame siwo wotia, xlẽ le Dan ƒe to la me le ame akpe blaadre-vɔ-eve, alafa adre (62,700). Woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Aser ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu. Ame siwo wotia, xlẽ le Aser ƒe to la me le ame akpe blaene-vɔ-ɖekɛ, alafa atɔ̃ (41,500). Eye woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Naftali ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒomewo kple aƒewo nu. Ame siwo wotia, xlẽ le Naftali to la me le ame akpe blaatɔ̃-vɔ-etɔ̃ alafa ene (53,400). Esiawoe nye ame siwo Mose kple Aron kple Israel ƒe towo ƒe kplɔlawo tia xlẽ. Kplɔlawo le ame wuieve: to ɖeka, kplɔla ɖeka Eye wotia Israelviwo katã xlẽ le woƒe ƒomewo kple aƒewo nu, ame siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Israel. Ame siwo katã wotia, xlẽ la le ame akpe alafa ade vɔ etɔ̃, alafa atɔ̃, blaatɔ̃ (603,550). Ke womexlẽ Levi ƒe viwo ƒe ƒomewo kple aƒewo kpe ɖe wo ŋuti o. Elabena Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɖe Levi ƒe viwo katã ɖa le amexexlẽ sia me, eye mègabu wo kpe ɖe Israelvi bubuwo ƒe xexlẽme ŋu o, elabena Levi ƒe viwo ƒe dɔdeasiwo ku ɖe Agbadɔ la kple ekɔkɔ tso teƒe ɖeka yi teƒe bubu ŋu. Woanɔ Agbadɔ la gbɔ, eye ɣe sia ɣi si woaho Agbadɔ la ayi teƒe bubu la, Levi ƒe viwoe akakae, eye woawoe agakpee; ne ame bubu aɖe te va la, aku. Israelviwo ƒe to vovovoawo aƒu asaɖa anyi ɖe teƒe vovovowo, ɖe sia ɖe kple eƒe aflaga tɔxɛ Levi ƒe viwo ƒe agbadɔwo aƒo xlã Mawu ƒe Agbadɔ la, eye woanɔ eŋu dzɔm, ale be ame aɖeke mate ɖe eŋu, ana be nye dɔmedzoe nafla, eye matsrɔ̃ Israel dukɔ la o.” Ale Israelviwo wɔ se siwo katã Yehowa de na Mose la dzi pɛpɛpɛ. To vovovoawo ƒe asaɖawo me nɔnɔ Yehowa gade se bubuwo na Mose kple Aron be, “Ele be agbadɔtuƒe, aflagati kple aflaga tɔxɛ nanɔ Israelviwo ƒe to ɖe sia ɖe si. Mawu ƒe Agbadɔ la nanɔ to vovovoawo ƒe agbadɔtuƒewo ƒe titina.” Yuda ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe aflaga gbɔ le ɣedzeƒe gome. Yuda ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Nahson, Aminadab ƒe viŋutsu, ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaadre-vɔ-ene, alafa ade (74,600). Isaka ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe wo xa. Isaka ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Netanel, Zuar ƒe viŋutsu, ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaatɔ̃-vɔ-ene, alafa ene (54,400). Zebulon ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe Isaka ƒe viwo xa. Zebulon ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Eliab, Helon ƒe viŋutsu, ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaatɔ̃-vɔ-adre, alafa ene (57,400). Aʋawɔla siwo katã le Yuda ƒe asaɖa me la le ame akpe alafa ɖeka blaenyi-vɔ-ade alafa ene (186,400). Ame siawoe atre hoho, ado ŋgɔ ɣe sia ɣi si Israelviwo aho ayi aɖaƒu asaɖa anyi ɖe teƒe bubu. Ruben ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe aflaga gbɔ le dziehe gome. Ruben ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Elizur, Sedeur ƒe vi, ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaene-vɔ-ade, alafa atɔ̃ (46,500). Simeon ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe wo xa. Simeon ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Selumiel, Zurisadai ƒe viŋutsu, ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaetɔ̃-vɔ-asieke, alafa etɔ̃ (59,300). Eye Gad ƒe to la nakpe ɖe wo ŋu. Gad ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Eliasaf, Deguel ƒe viŋutsu, ame siwo ƒe aʋawɔlawo le akpe blaene-vɔ-atɔ̃, alafa ade blaatɔ̃ (45,650). Aʋawɔla siwo katã le Ruben ƒe asaɖa me la le ame akpe alafa ɖeka blaatɔ̃-vɔ-ɖekɛ, alafa ene blaatɔ̃ (151,450). Woawoe anye hatsotso evelia si akplɔ gbãtɔ ɖo ne Israelviwo ho gayi woƒe mɔzɔzɔ dzi. Emegbe la, Mawu ƒe Agbadɔ la kple Levi ƒe viwo ƒe asaɖa, si le asaɖa bubuawo titina la naho. Ale si woƒu asaɖa anyii la, nenema ŋu woaho ɖo; ame sia ame nanɔ eteƒe le eƒe aflaga gbɔ. Efraim ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe aflaga gbɔ le ɣetoɖoƒe gome. Efraim ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Elisama, Amihud ƒe viŋutsu, ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaene alafa atɔ̃ (40,500). Manase ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe wo xa. Manase ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Gamaliel, Pedahzur ƒe viŋutsu, ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaetɔ̃-vɔ-eve, alafa eve (32,200). Eye Benyamin ƒe to la nakpe ɖe wo ŋu. Benyamin ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Abidan, Gideoni ƒe viŋutsu, ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaetɔ̃ vɔ atɔ̃, alafa ene (35,400). Aʋawɔla, siwo katã le Efraim ƒe asaɖa me la le ame akpe alafa ɖeka kple enyi alafa ɖeka (108,100). Woawoe anye ha etɔ̃lia si aho. Dan ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe aflaga gbɔ le anyiehe lɔƒo. Dan ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Ahiezer, Amisadai ƒe viŋutsu, ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaade-vɔ-eve, alafa adre (62,700). Aser ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe Dan ƒe viwo xa. Aser ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Pagiel, Okran ƒe viŋutsu, ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaene-vɔ-ɖekɛ, alafa atɔ̃ (41,500). Eye Naftali ƒe to la akpe ɖe Aser ƒe viwo ŋu. Naftali ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Ahira, Enan ƒe viŋutsu, ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaatɔ̃-vɔ-etɔ̃, alafa ene (53,400). Aʋawɔla, siwo katã le Dan ƒe asaɖa me la, le ame akpe alafa ɖeka blaatɔ̃-vɔ-adre, alafa ade (157,600). Woawoe anye hatsotso mamlɛtɔ, si aho le woƒe aflagawo nu. Esiawoe nye ame siwo wotia, xlẽ le Israelviwo dome le woƒe aƒewo nu. Aʋawɔla, siwo katã le asaɖa vovovoawo me la ƒe ƒuƒoƒo le ame akpe alafa ade kple etɔ̃ alafa atɔ̃ blaatɔ̃ (603,550). Ke wometia Levi ƒe viwo xlẽ kpe ɖe Israelvi bubuawo ŋu o, abe ale si Yehowa de se na Mose ene. Eye Israelviwo wɔ, abe ale si Yehowa de se na Mose ene. Ale si woƒu asaɖa anyi la, nenema ŋu woho ɖo, ame sia ame kple eƒe ƒome le woƒe aƒewo nu. Levi ƒe viwo Esiawoe nye Aron kple Mose viwo, le ɣeyiɣi si me Yehowa ƒo nu na Mose le Sinai to la dzi la. Viŋutsu enee nɔ Aron si. Woawoe nye Nadab, Via ŋutsu tsitsitɔ, Abihu, Eleaza kple Itamar. Wosi ami na wo katã, eye woɖo wo nunɔlawoe. Woɖe wo ɖe aga be woawɔ subɔsubɔdɔwo le Agbadɔ la me. Ke Nadab kple Abihu ku le Yehowa ŋkume le Sinai gbedzi esi wowɔ dzo makɔmakɔ ŋu dɔ le vɔsasa na Yehowa me. Esi vi aɖeke menɔ wo si o ta la, Eleazar kple Itamar koe susɔ akpe ɖe wo fofo, Aron ŋuti. Eya ta Yehowa gblɔ na Mose be, “Yɔ Levi ƒe viwo katã ƒo ƒu, eye nàtsɔ wo ana nunɔla Aron abe eƒe kpeɖeŋutɔwo ene. Woawɔ nu siwo Aron aɖo na wo. Woawɔ dɔ kɔkɔewo le Agbadɔ la me ɖe Israelviwo katã nu, Woakpɔ Agbadɔ la me nuwo kple Agbadɔ blibo la dzi elabena wotsɔ wo katã na Aron abe Israelviwo katã ƒe teƒenɔlawo ene. Ke Aron ƒe viŋutsuwo koe awɔ nunɔlawo ƒe dɔdeasiwo. Ame bubu ɖe sia ɖe si atɔ asi akɔ be yeawɔ nunɔlawo ƒe dɔ la, woawui.” Yehowa gblɔ na Mose be, “Metsɔ Levi ƒe viwo le Israelviwo dome ɖe Israel nyɔnu ɖe sia ɖe ƒe viŋutsu gbãtɔ teƒe. Levi ƒe viwo nye tɔnyewo. Metsɔ wo ɖɔli viŋutsu tsitsitɔwo. Tso gbe si gbe mewu Egiptetɔwo ƒe viŋutsu ŋgɔgbetɔwo la, mexɔ Israel ƒe ŋgɔgbeviwo, amegbetɔwo tɔwo kple lãwo tɔwo siaa na ɖokuinye! Tɔnyewoe wonye; nyee nye Yehowa!” Yehowa gblɔ na Mose le Sinai gbegbe la be, “Xlẽ Levi ƒe viwo le woƒe ƒomewo kple towo nu. Xlẽ ŋutsu ɖe sia ɖe si xɔ ɣleti ɖeka alo wu nenema.” Ale Mose xlẽ wo abe ale si Yehowa ƒe nya ɖo nɛ ene. Levi ƒe viwo ƒe ŋkɔwoe nye: Gerson, Kohat kple Merari Gerson ƒe viwo ƒe ŋkɔwoe nye esiawo le woƒe ƒomewo nu: Libni kple Simei. Kohat ƒe viwo nye esiawo le woƒe ƒomewo nu: Amram, Izhar, Hebron kple Uziel. Eye Merari ƒe viwoe nye esiawo le woƒe ƒomewo nu: Mahli kple Musi. Esiawo nye Levi ƒe viwo ƒe ƒome le woƒe aƒewo nu. Gerson hawo nye Libni kple Simei ƒe viwo ƒe ƒome. Woawoe nye Gerson ƒe ƒomeawo. Wotia ŋutsu siwo xɔ dzinu ɖeka alo wu nenema la xlẽ le wo dome, eye woƒe xexlẽme le ame akpe adre, alafa atɔ̃ (7,500). Eye Gerson ƒe ƒome la ƒu asaɖa anyi ɖe nɔƒe la megbe le ɣedzeƒe gome. Gerson ƒe ƒome la ƒe kplɔlae nye Eliasaf, Lael ƒe viŋutsu. Gerson ƒe viwo ƒe hlɔ̃ eve siawo ƒe dɔdeasiwoe nye, woakpɔ nɔƒe kple agbadɔ la, la gbɔ, egbãnuwo, mɔnuwo kple eŋu vɔ, kpɔ si ƒo xlã nɔƒe la, vɔsamlekpui la kple ka siwo katã wotsɔ bla agbadɔ la ɖekae kple mɔnuvɔ la dzi. Kohat ƒe ƒomeawoe nye: Amram ƒe viwo, Izhar ƒe viwo, Hebron ƒe viwo kple Uziel ƒe viwo. Ŋutsu siwo xɔ dzinu ɖeka alo wu nenema la ƒe xexlẽme le ame akpe enyi, alafa ade (8,600). Woawo nakpɔ kɔkɔeƒe la me nuwo dzi. Kohat ƒe ƒome la naƒu asaɖa anyi ɖe nɔƒe la ƒe axadzi le dzigbeme lɔƒo. Kohat ƒe ƒome la ƒe kplɔlae nye Elizafan, Uziel ƒe viŋutsu. Levi ƒe viwo ƒe hlɔ̃ ene siawo ƒe dɔdeasiwoe nye, woakpɔ nubablaɖaka la, kplɔ̃ la, akaɖiti, vɔsamlekpui la ƒe nu vovovo siwo ŋu dɔ wowɔna le agbadɔ la me, xɔmetsovɔ kple nu siwo katã hiã be woadzra ɖo le nu siawo ŋu la dzi. Eleazar, nunɔla Aron ƒe viŋutsu anye kplɔlawo katã ƒe tatɔ, eye kɔkɔeƒe la dzi kpɔkpɔ nye eƒe dɔ tɔxɛ. Merari hawo nye: Mahli ƒe viwo ƒe ƒome kple Musi ƒe viwo ƒe ƒome. Woawoe nye Merari ƒe ƒomeawo. Wo dome ŋutsu siwo xɔ dzinu ɖeka alo wu nenema la ƒe xexlẽme le ame akpe ade alafa eve (6,200). Merari ƒe ƒome la ƒe kplɔlae nye Zuriel, Abihail ƒe viŋutsu; woawo naƒu asaɖa anyi ɖe agbadɔ la ƒe axadzi le anyiehe lɔƒo. Levi ƒe viwo ƒe hlɔ̃ eve siawo ƒe dɔdeasie nye woakpɔ ati siwo wotsɔ tu Agbadɔ la, sɔtiwo kple woƒe zɔwo kple nu sia nu si wohiã na wo ŋu dɔ wɔwɔ la dzi, eye woagakpɔ sɔti siwo ƒo xlã xɔxɔnu la, woƒe zɔwo kple tsyotiwo kple kawo dzi. Wotia teƒe si le agbadɔ la ƒe ɣedzeƒe la da ɖi na Mose kple Aron kple Aron ƒe viŋutsuwo ƒe agbadɔwo. Ame siawo ƒe dɔdeasie nye be woakpɔ be agbadɔ la dzi kpɔlawo wɔ woƒe dɔdeasiwo pɛpɛpɛ ɖe Israelviwo nu. Ame sia ame si menye nunɔla alo Levi ƒe vi o, gake wòge ɖe agbadɔ la me la, aku. Ale Levi ƒe viwo katã, siwo Mose kple Aron xlẽ abe ale si Yehowa gblɔ ene, eye woxɔ ɣleti ɖeka alo wu nenema la de ame akpe blaeve-vɔ-eve (22,000). Yehowa gblɔ na Mose be, “Azɔ la, xlẽ Israelviwo ƒe viŋutsu tsitsitɔwo, ame siwo xɔ ɣleti ɖeka alo wu nenema la, eye nàŋlɔ wo katã ŋkɔ. Tsɔ Levi ƒe viwo nam ɖe Israelviwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã teƒe, eye nàtsɔ Levi ƒe viwo ƒe lãhawo ƒe ŋgɔgbeviwo nam ɖe Israelviwo ƒe lãhawo ƒe ŋgɔgbeviwo katã teƒe. Nyee nye Yehowa.” Ale Mose xlẽ Israelviwo ƒe viŋutsu tsitsitɔwo abe ale si Yehowa ɖo nɛ ene, eye wòkpɔ be viŋutsu tsitsitɔwo, ame siwo xɔ ɣleti ɖeka alo wu nenema la de akpe blaeve-vɔ-eve alafa eve blaadre-vɔ-etɔ̃ (22,273). Yehowa gagblɔ na Mose be, “Tsɔ Levi ƒe viwo ɖɔli Israelviwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã, eye nàtsɔ Levi ƒe viwo ƒe lãhawo aɖɔli Israelviwo tɔe. Levi ƒe viwo anye tɔnyewo; nyee nye Yehowa. Be nàƒle Israelviwo ƒe ŋgɔgbevi alafa eve blaadre-vɔ-etɔ̃ (273), siwo sɔ gbɔ wu Levi ƒe viwo ta la, ele be nàxɔ klosaloga gram blaatɔ̃ vɔ atɔ̃ ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe ta, ɖe kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu, si ƒe kpekpeme nye gram ewo. Tsɔ ga si wona hena Israelvi mamlɛawo ɖeɖe la na Aron kple via ŋutsuwo.” Ale Mose xɔ taƒlega ɖe Israelviwo ƒe viŋutsu tsitsitɔ alafa eve, blaadre-vɔ-etɔ̃, ame siwo wotsɔ wosɔ gbɔ wu Levi ƒe viwo ƒe xexlẽme la ta. Ga si woxɔ le Israelviwo ƒe ŋgɔgbeviwo si la ƒe kpekpeme le klosalo kilogram wuiatɔ̃ kple afã (15.5) le kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu Mose tsɔ taƒlega la na Aron kple via ŋutsuwo abe ale si Yehowa ƒe nya de see nɛ ene. Kohat ƒe viwo Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, “Mixlẽ Kohat ƒe viwo tso Levi ƒe viwo dome le woƒe towo kple ƒomewo nu. Mixlẽ ŋutsu siwo xɔ tso ƒe blaetɔ̃ va se ɖe blaatɔ̃, eye woate ŋu awɔ dɔ le Agbadɔ la me. “Esiawoe nye Kohat ƒe viwo ƒe dɔ le agbadɔ la me: nu kɔkɔetɔwo dzi kpɔkpɔ. Ne asaɖa la le hoho ge la, Aron kple via ŋutsuwo age ɖe Agbadɔ la me gbã. Woaɖe xɔmetsovɔ la, eye woatsɔe atsyɔ nubablaɖaka la dzi. Emegbe la, woatsɔ tɔmenyigbalẽ atsyɔ xɔmetsovɔ la dzi, atsɔ aɖabɛ blɔtɔ atsyɔ tɔmenyigbalẽ la dzi, eye woatsɔ nubablaɖakakɔkpoawo aƒo ɖe eƒe gagodoeawo me. “Le esia megbe la, woatsɔ aɖabɛ blɔtɔ la akeke ɖe ŋkumeɖobolo la ƒe kplɔ̃ la dzi, eye woatsɔ agbawo, gatsiwo, trewo kple kpluwo kple abolo la ada ɖe avɔ la dzi. Woakeke avɔ dzĩtɔ ɖe nu siawo dzi, eye woatsɔ tɔmenyigbalẽ la atsyɔ aɖabɛ dzĩtɔ la dzi azɔ. Emegbe la, woatsɔ kplɔ̃kɔkpoawo ade kplɔ̃ la ƒe gagodoeawo me. “Nu si woagawɔ azɔe nye woatsɔ avɔ blɔtɔ atsyɔ akaɖiti la, akaɖigbɛawo, ɖovulãnuwo, nutɔgbawo kple amigoe la dzi. Ekema woatsɔ tɔmenyigbalẽ la atsyɔ nuawo katã dzi, eye woatsɔ nubabla blibo la ada ɖe agbati aɖe dzi. “Azɔ la, woatsɔ avɔ blɔtɔ atsyɔ sikavɔsamlekpui la dzi, atsɔ tɔmenyigbalẽ la atsyɔ eya hã dzi, eye woatsɔ kpoawo aƒo ɖe gagodoeawo me le vɔsamlekpui la ŋu. “Ekema woabla nu bubu siwo katã asusɔ ɖe agbadɔ la me la ɖe avɔ blɔtɔ aɖe me, atsɔ tɔmenyigbalẽ atsyɔ eya hã dzi, eye woada nubabla la ɖe agbati dzi. “Woalɔ dzowɔ le akɔblivɔsamlekpui la dzi, eye woatsɔ aɖabɛ dzĩtɔ atsyɔ na vɔsamlekpui la. Woatsɔ nu siwo katã ŋu dɔ wowɔna le vɔsamlekpui la dzi la ada ɖe avɔ la dzi. Nu siawoe nye afilɔnuwo, gaflowo, sofiwo, zewo kple vɔsamlekpui la dzi nu bubuawo katã, eye woatsɔ tɔmenyigbalẽ atsyɔ wo dzi. Woatsɔ nukɔkpoawo ade woƒe gagodoeawo me. “Ne Aron kple via ŋutsuwo wu agbadodo kple nu kɔkɔeawo kple wo ŋunuwo katã nu vɔ, eye ameha la le klalo be yeaho adzo la, Kohat ƒe viwo ava akɔ agbawo. Ke womekpɔ mɔ aka asi nu kɔkɔeawo ŋu o, be womagaku o. Kohat ƒe viwo akɔ nu siwo katã le agbadɔ la me. “Nunɔla Aron ƒe viŋutsu, Eleazar, ƒe dɔdeasie nye wòakpɔ akaɖimemiwo, dzudzɔdonu ʋeʋĩwo, gbe sia gbe ƒe nuɖuvɔsa kple ami sisi la dzi. Kpuie ko la, eƒe dɔe nye wòakpɔ Agbadɔ blibo la kple nu siwo katã le eme la dzi.” Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, “Kpɔ egbɔ be womeɖe Kohat ƒomea ɖa le Levi ƒe viwo dome o. Be woanɔ agbe, eye womaku o, ne wote ɖe nu kɔkɔewo ŋu la, miwɔ nu siawo na wo: Aron kple via ŋutsuwo ayi ɖe kɔkɔeƒe la, eye wòade dɔ si ame sia ame awɔ kple nu sia nu si wòakɔ la asi nɛ. Ne womekplɔ Kohat ƒe viŋutsuwo yi o la, mele be woage ɖe agbadɔ la me o; ne menye nenema o la, woakpɔ nu kɔkɔeawo le afi ma, eye woaku.” Gerson ƒe viwo Eye Yehowa gblɔ na Mose be, “Xlẽ Gerson ƒe viŋutsuwo ɖe Levi ƒe viwo dome, ame siwo xɔ tso ƒe blaetɔ̃ va se ɖe ƒe blaatɔ̃, eye wodze na dɔ kɔkɔe la wɔwɔ le agbadɔ la me. “Gerson viwo ƒe dɔdeasie nye be woakɔ: Nɔƒe la ƒe xɔmetsovɔ, agbadɔ la ŋutɔ kple kpɔ si ƒo xlãe, gbɔ̃gbalẽ si wotsɔ gbã agbadɔ la kple avɔ si le eƒe mɔnu. Woawoe akɔ kpɔ si ƒo xlã nɔƒe la ŋu vɔwo, agbonuvɔ si le nɔƒe si ƒo xlã vɔsamlekpui la kple agbadɔ la ƒe mɔnu ƒe vɔsamlekpui la, kawo kple wo ŋu nu bubuawo katã. Woawo ƒe dɔ wònye be woakɔ nu siawo. Aron alo via ŋutsuwo dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu ade dɔ siawo asi na Gerson ƒe viwo, ke esiae nye Gerson viwo ƒe ƒome la ƒe dɔwo le agbadɔ la ŋu, eye woanɔ nunɔla Aron ƒe viŋutsu, Itamar ƒe dzikpɔkpɔ te. Merari ƒe viwo “Azɔ la, xlẽ Merari ƒe viŋutsuwo ɖe Levi ƒe viwo dome, ŋutsu siwo katã xɔ ƒe blaetɔ̃ va se ɖe blaatɔ̃, eye wodze na dɔwɔwɔ le Agbadɔ la me. Xlẽ ŋutsu siwo katã xɔ tso ƒe blaetɔ̃ va se ɖe ƒe blaatɔ̃ le ame siwo va be yewoawɔ agbadɔ la ŋu dɔwo dome Esiae nye woƒe dɔdeasi si woawɔ le agbadɔ la ŋuti dɔwo wɔwɔ me: woakɔ ʋuƒowo, gamedetiawo, sɔtiawo kple woƒe afɔwo, nɔƒe la ƒe kpɔ ƒe sɔtiwo kple zɔwo, tsyotiwo, kawo kple nu sia nu si ku ɖe wo ŋu dɔ wɔwɔ kple wo dzadzraɖo ŋu. De dɔ asi na ame sia ame wotɔxɛtɔxɛe. Merari ƒe viwo hã awɔ dɔ le agbadɔ la ŋu le nunɔla Aron ƒe viŋutsu Itamar ƒe kpɔkplɔ te.” Levi ƒe viwo xexlẽ Ale Mose kple Aron kple kplɔla bubuawo xlẽ Kohat ƒe viwo kple woƒe ŋutsu siwo xɔ tso ƒe blaetɔ̃ va se ɖe ƒe blaatɔ̃, ame siwo dze na dɔwɔwɔ le agbadɔ la me. Wode ŋutsu akpe eve, alafa adre blaatɔ̃ (2,750). Esiawo nye ame siwo katã Mose kple Aron tia xlẽ le Kohat viwo ƒe ƒome la me be woawɔ dɔ le agbadɔ la ŋu abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. Eye wotia Gerson ƒe viwo xlẽ le woƒe ƒome kple aƒewo nu. Woxlẽ ame siwo katã xɔ ƒe blaetɔ̃ alo wu nenema la va se ɖe ƒe blaatɔ̃, eye woate ŋu awɔ dɔ le Mawu ƒe agbadɔ la ŋu. Ame siwo wotia, xlẽ le woƒe ƒomewo kple aƒewo nu la le ame akpe eve alafa ade, blaetɔ̃ (2,630). Ame siawo nye ame siwo katã Mose kple Aron tia, xlẽ le Gerson ƒe viwo ƒe ƒome la me, eye woate ŋu awɔ dɔ le agbadɔ la ŋu abe ale si Yehowa de se ene. Eye wotia amewo, xlẽ le Merari ƒe viwo ƒe ƒome la kple aƒewo nu. Woxlẽ ame siwo katã xɔ ƒe blaetɔ̃ alo wu nenema la va se ɖe ƒe blaatɔ̃, eye woate ŋu awɔ dɔ le Mawu ƒe Agbadɔ la ŋu. Ame siwo wotia, xlẽ le woƒe ƒomea nu la le ame akpe etɔ̃, alafa eve (3,200). Esiawoe nye ame siwo Mose kple Aron wotia, xlẽ le Merari ƒe viwo ƒe ƒome la me abe ale si Yehowa de se na Mose ene. Levi ƒe vi siwo katã Mose kple Aron kple Israel kplɔlawo wotia le woƒe ƒomewo kple aƒewo nu, eye woxɔ ƒe blaetɔ̃ alo wu nenema va se ɖe ƒe blaatɔ̃ be woasubɔ le Mawu ƒe agbadɔ la me, eye woakɔ agba la ƒe xexlẽme le ame akpe enyi, alafa atɔ̃ blaenyi (8,580). Mose na wofia ame sia ame ƒe dɔ kple agba si wòakɔ lae, abe ale si Yehowa de se ene. Eye wotia wo xlẽ abe ale si Yehowa de se na Mose ene. Se le ame makɔmakɔwo ƒe asaɖamenɔnɔ ŋu Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɖe gbe na Israelviwo be woaɖe ame siwo katã nye anyidzelawo kple ame siwo katã ŋu tsi ƒomevi aɖe le dodom le kple ame siwo katã gblẽ kɔ ɖo le ame kuku aɖe ta la ɖa le asaɖa la me. Woawɔ ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa nenema. Miɖe wo ɖa ale be womagblẽ kɔ ɖo na asaɖa la, afi si mele le mia dome la o.” Ale Israelviwo wɔ Yehowa ƒe se la dzi eye woɖe ame siawo katã ɖa le asaɖa la me. Teƒeɖoɖo na vodadawo Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Israelviwo be: ‘Ne ŋutsu alo nyɔnu da vo ɖe ame aɖe ŋu le mɔ aɖe nu eye wòto nu ma me meɖi anukware na Yehowa o la, ame ma ɖi fɔ. Ele be wòaʋu eƒe nu vɔ̃ me eye wòaxe fe ɖe nu vɔ̃ si wòwɔ la ta. Gawu la, agbugbɔ nu la na nutɔ eye wòagatsɔ nu la ƒe home akpa atɔ̃lia ƒe ɖeka akpee na nutɔ la. Ke ne ame si ŋu wòwɔ nu vɔ̃ ɖo la ku eye eƒe ƒometɔ gobii aɖeke meli wòaxe fea na o la, ekema axee na Yehowa to nunɔla dzi eye wòagana alẽ ɖeka hena avuléle. Nu kɔkɔe ɖe sia ɖe si Israelviwo atsɔ vɛ na nunɔla aɖe la, anye nunɔlaa tɔ. Ame sia ame ƒe nu kɔkɔewo nye eya ŋutɔ tɔ, ke esi wòatsɔ na nunɔla la, anye nunɔla la tɔ.’ ” Dodokpɔ na srɔ̃nyɔnu si wɔ ahasi Eye Yehowa gblɔ na Mose be, “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne ŋutsu aɖe srɔ̃ tra mɔ, meɖi anukware nɛ o, eye ŋutsu bubu de asi eŋu, nu sia le ɣaɣla ɖe srɔ̃a, eye womenya be egblẽ kɔ ɖo o (elabena ɖasefo aɖeke meli ɖe eŋu o, eye womelée asiasi o), ne ŋutsu la le ŋu ʋãm, eye wòbu be ye srɔ̃ gblẽ kɔ ɖo, alo ne eʋã ŋu togbɔ be srɔ̃a megblẽ kɔ ɖo o hã la, ele be ŋutsu la nakplɔ srɔ̃a ayi nunɔla gbɔ. Nu si wòana nunɔla ɖe srɔ̃a tae nye luwɔ lita ɖeka. Womakɔ ami kple dzudzɔdonu ɖe edzi o, elabena enye nuɖuvɔsa ɖe ŋuʋaʋã ta kple ŋkuɖodzivɔsa si ahe woƒe susu ayi ɖe fɔɖiɖi gbɔe. “ ‘Nunɔla la akplɔ nyɔnu la ayi Yehowa ŋkume, aku tsi kɔkɔe ɖe anyikplu aɖe me, eye wòaku agbadɔ la me ke akɔ ɖe tsi la me. Ne nunɔla la na nyɔnu la tsi tsitre ɖe Yehowa ŋkume vɔ la, akaka ɖa ɖe ta na nyɔnu la, atsɔ ŋkuɖodzivɔsa kple nuɖuvɔsa na ŋuʋaʋã ade nyɔnu la ƒe asi me. Ke nunɔla la ŋutɔ alé tsi veve si hea fiƒode vaa ame dzi la ɖe asi. Nunɔla la ana nyɔnu la naka atam, eye wòagblɔ nɛ be, “Ne ŋutsu bubu aɖeke medɔ kpli wò o, ne mèda afɔ, hegblẽ kɔ ɖo na ɖokuiwò esi nèle atsuƒe na srɔ̃wò o la, ekema tsi veve sia, si hea fiƒode vaa ame dzi la, megagblẽ nu le ŋutiwò o. Ke ne èda afɔ esime nèle srɔ̃wò gbɔ, nègblẽ kɔ ɖo, eye ŋutsu bubu, ame si menye srɔ̃wò o la de asi ŋuwò la,” ekema nunɔla la aka atam agblɔ fiƒodenyawo na nyɔnu la be, “Yehowa nana wò amewo naƒo fi ade wò, eye woagbe nu le gbɔwò; nena be wò ataŋuyi naflo ɖa, eye ƒo nadzi ɖe nuwò. Tsi sia si hea fiƒode vaa ame dzi la nage ɖe lãme na wò ale be wò ƒodo nate ɖe nuwò, eye wò ataŋuyi naflo ɖa.”  “ ‘Ekema nyɔnu la axɔ ɖe edzi be, “Amen, neva eme nenema.” “ ‘Ekema nunɔla la aŋlɔ fiƒode siawo ɖe agbalẽ me, eye wòakpala nuŋɔŋlɔ la ɖe tsi veve la me. Nunɔla la ana nyɔnu la nano tsi veve si hea fiƒode vaa ame dzi la, tsi sia age ɖe eƒe lãme, eye wòana fukpekpe kple vevesese nava eya amea dzi. Le esia megbe la, nunɔla la axɔ nuɖuvɔsa na ŋuʋaʋã le nyɔnu la si, anyee le yame le Yehowa ŋkume, eye wòatsɔe ada ɖe vɔsamlekpui la dzi. Nunɔla la aku nuɖuvɔsa la ƒe asiʋlo ɖeka abe ŋkuɖodzivɔsa ene, eye wòatɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi. Azɔ la, ana nyɔnu la nano tsi la. Ne nyɔnu la gblẽ kɔ ɖo, eye meto nyateƒe na srɔ̃a o, evɔ wona wòno tsi si hea fiƒode vaa ame dzi la, tsi la age ɖe eƒe lãme, eye wòase veve vevie. Eƒe ƒodo adzi ɖe enu, eƒe ataŋulã aflo ɖa, eye wòazu ɖiŋudonu le eƒe amewo dome. Ke ne nyɔnu la megblẽ kɔ ɖo o, eye wòdza la, woatso afia nɛ, eye wòagate ŋu adzi vi. “ ‘Esiae nye ŋuʋaʋãŋutise ne nyɔnu aɖe da afɔ, eye wògblẽ kɔ ɖo, esi wòle atsuƒe, alo ne ŋuʋaʋã xɔ ŋutsu aɖe me, elabena ebu nazã ɖe srɔ̃a ŋu. Nunɔla la ana nyɔnu la natsi tsitre ɖe Yehowa ŋkume, eye wòawɔ se sia katã me dɔ na nyɔnu la. Womaɖe agɔdzedze aɖeke na srɔ̃ŋutsu la o, gake nu vɔ̃ yomedzenu anɔ nyɔnu la dzi.’ ” Nazaritɔnyenye ŋuti sewo Yehowa gblɔ na Mose be, “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne ŋutsu aɖe alo nyɔnu aɖe di be yeaɖe adzɔgbe tɔxɛ aɖe hekɔ eɖokui ŋu na Yehowa abe Nazaritɔ ene la, mele nɛ be wòano wain alo nu muame aɖeke alo aha sesẽ si wowɔ tso wain me alo aha si wotsɔ ɖo ƒãe o. Mano waintsetse me tsi alo aɖu waintsetse o. Ŋkeke ale si wònye Nazaritɔ ko la, maɖu naneke si do tso waintsetse me o; maɖu kuawo alo tsroa gɔ̃ hã o. “ ‘Le ɣeyiɣi mawo katã me la, mele be wòako ta alo alũ ge gɔ̃ hã o, elabena enye ame kɔkɔe, eye wokɔ eŋuti na Yehowa. Eya ta ele nɛ be wòagblẽ eƒe ɖa ɖi wòato ʋluyaa. “ ‘Le ɣeyiɣi si me wòɖe eɖokui ɖe aga na Yehowa la, mate ɖe ame kuku ŋu o. Ne eya ŋutɔ fofoa alo dadaa alo nɔvia ŋutsu alo nɔvia nyɔnu gɔ̃ hã ku la, magblẽ kɔ ɖo na eɖokui le wo ta o, elabena eƒe ɖokuitsɔtsɔ na Mawu ƒe dzesi le ta dzi nɛ, eye wokɔ eŋuti na Yehowa to ɣeyiɣi la katã me. “ ‘Ne ame aɖe ku le exa la, ame kuku la gblẽ kɔ ɖo nɛ, ekema ako ta le ŋkeke adre megbe. Ekema eŋuti akɔ tso ale si amea nɔ egbɔ hafi ku la ta. Le ŋkeke enyilia gbe la, ele be wòatsɔ akpakpa eve alo ahɔnɛvi eve ayi na nunɔla le agbadɔ la ƒe mɔnu. Nunɔla la atsɔ xeviawo dometɔ ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, eye wòatsɔ evelia asa numevɔe. Ale wòalé avu le ale si wògblẽ kɔ ɖoe la ta. Agbugbɔ eƒe adzɔgbe la aɖe gbe ma gbe, eye wòana eƒe ɖa nagade asi toto me. Ŋkeke siwo wòwɔ eƒe adzɔgbeɖeɖe dzi hafi gblẽ kɔ ɖo la, megale eme o. Ele nɛ be wòagadze eƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi wɔwɔ gɔme kple eƒe adzɔgbe yeye la, eye wòana alẽ si xɔ ƒe ɖeka hena eƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. “ ‘Ne adzɔgbe si wòɖe be yeaɖe ye ɖokui ɖe aga na Yehowa ƒe ɣeyiɣi wu enu la, ele be wòayi agbadɔ la ƒe mɔnu, eye wòasa numevɔ na Yehowa kple alẽ si xɔ ƒe ɖeka, eye wòde blibo. Ele be wòagana alẽnɔ si xɔ ƒe ɖeka, eye wòde blibo hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple agbo ɖeka si de blibo la na ŋutifafavɔsa. Kpe ɖe esiawo ŋu la, agana abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã kusi ɖeka, akpɔnɔ siwo wowɔ kple wɔ memee si dzi wokɔ ami ɖo, aboŋgo si wowɔ kple wɔ maʋamaʋã si dzi wokɔ ami ɖo, eye wòagatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa akpe ɖe nu siawo ŋu. “ ‘Nunɔla la atsɔ nunana siawo ada ɖe Yehowa ŋkume. Atsɔ nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la ana gbã, emegbe la, wòana numevɔsa la. Le esiawo megbe la, atsɔ agbo la hena ŋutifafavɔsa na Yehowa kple abolo maʋamaʋã la ƒe kusi, eye wòawu enu kple nuɖuvɔsa la kple nunovɔsa la. “ ‘Azɔ la, adzɔgbeɖela la ako eƒe ɖa ʋluya la, si nye eƒe adzɔgbeɖeɖe ƒe dzesi. Awɔ nu sia le agbadɔ la ƒe mɔnu. Le esia megbe la, woatsɔ ɖa si wòko la ade dzo me le ŋutifafavɔsa la te. “ ‘Le takoko na adzɔgbeɖela la megbe la, nunɔla la atsɔ agbo la ƒe abɔ memee, abolo maʋamaʋãwo kple aboŋgo maʋamaʋãwo dometɔ ɖeka, eye wòatsɔ wo katã ade asi na adzɔgbeɖela la. Nunɔla la anye wo katã le yame, tso afii yi afi mɛ le Yehowa ŋkume abe vɔsa ene. Wonye nunana kɔkɔe na nunɔla la kpe ɖe eƒe axa kple abɔ siwo wònye le yame le Yehowa ŋkume la ŋuti. Le esia megbe la, adzɔgbeɖela la ate ŋu ano wain azɔ, elabena evo tso eƒe adzɔgbeɖeɖe me. “ ‘Esiawoe nye se siwo ku ɖe ame si ɖe adzɔgbe be yeaɖe ye ɖokui ɖe aga ɣeyiɣi aɖe na Yehowa kple eƒe vɔsawo ne ɣeyiɣi la wu enu la ŋu. Hekpe ɖe vɔsa siawo ŋu la, ele be adzɔgbeɖela la nagana nu bubu siwo ŋugbe wòdo le eƒe adzɔgbeɖeɣi.’ ” Eye Yehowa ƒo nu kple Mose be, “Gblɔ na Aron kple via ŋutsuwo be: ‘Ale miayra Israelviwo, agblɔe nye esi: “ ‘ “Yehowa ayra wò, eye wòakpɔ dziwò! Yehowa akɔ ŋkume ɖe wò, eye wòave nuwò! Yehowa atrɔ mo ɖe gbɔwò, eye wòana ŋutifafa wò.” ’ “Ale woayɔ nye ŋkɔ atɔ ɖe Israelviwo ŋu, eye mayra wo.” Vɔsawo hena agbadɔ la ŋuti kɔkɔ Esi Mose wu agbadɔ la tutu nu la, esi ami nɛ, eye wòkɔ eya kple eŋunuwo katã ŋuti. Esi ami na vɔsamlekpui la hã, kɔ eŋuti kple eŋunuwo katã ŋuti. Israel ƒe kplɔlawo, ƒometatɔ, ame siwo nye kplɔlawo kple dzikpɔlawo na ame siwo woxlẽ la wɔ nunanawo. Wotsɔ woƒe nunanawo vɛ na Yehowa le tasiaɖam ade siwo dzi wotsyɔ nui la me. Nyitsu eve he tasiaɖam ɖe sia ɖe. Wotsɔ tasiaɖam ɖeka na kplɔla eve, nyitsu ɖeka na kplɔla ɖe sia ɖe, eye wotsɔ wo na Yehowa le Agbadɔ la ŋgɔ. Eye Yehowa gblɔ na Mose be, “Xɔ woƒe nu siawo be woatsɔ wo awɔ agbadɔ la ŋuti dɔwoe. Tsɔ wo na Levi ƒe viwo abe ale si ame sia ame ƒe dɔ hiã lae ene.” Ale Mose tsɔ tasiaɖamwo kple nyitsuawo na Levi ƒe viwo. Etsɔ tasiaɖam eve kple nyitsu ene na Gerson ƒe viwo, eye wòtsɔ tasiaɖam ene kple nyitsu enyi na Merari ƒe viwo, ame siwo nɔ Itamar, nunɔla Aron ƒe viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te. Wometsɔ tasiaɖamuawo kple nyitsuawo dometɔ aɖeke na Kohat ƒe viwo o, elabena woƒe dɔdeasie nye be woakɔ agbadɔ la ƒe akpa siwo woakɔ la ɖe abɔta. Kplɔlawo hã na nunanawo ɖe nuŋukɔkɔ la ta le gbe si gbe wosi ami na vɔsamlekpui la. Woda nunanawo ɖe vɔsamlekpui la ŋgɔ. Yehowa gblɔ na Mose be, “Mina ameawo natsɔ woƒe nunanawo vɛ le ŋkeke vovovowo dzi hena vɔsamlekpui la ŋu kɔkɔ.” Ale Nahson, Aminadab ƒe viŋutsu, tso Yuda ƒe to la me tsɔ eƒe nunanawo vɛ le ŋkeke gbãtɔ dzi. Eƒe nunana siwo wòtsɔ vɛ la woe nye: klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka. Wotsɔ nuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me. Egatsɔ sikanutɔgba sue ɖeka si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo, si dzudzɔdonu yɔ banaa la vɛ. Etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi, si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa, eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Kpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiae nye Aminadab ƒe vi, Nahson ƒe vɔsa. Esi ŋu ke la, Netanel, Zuar ƒe viŋutsu, Isaka ƒe to la ƒe kplɔla tsɔ eƒe nunanawo vɛ. Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram blaeve kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me. Egatsɔ sikanutɔgba sue ɖeka si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo si yɔ banaa kple dzudzɔdonu, kple nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa, eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Kpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Netanel, Zuar ƒe viŋutsu ƒe nunanawo. Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Eliab, Helon ƒe viŋutsu, Zebulon ƒe to la kplɔla tsɔ eƒe nunanawo vɛ. Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me; sikanutɔgba sue ɖeka, si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo, si dzudzɔdonu yɔ banaa la vɛ. Etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka hena numevɔsa, eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Kpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Eliab, Helon ƒe viŋutsu ƒe nunanawo. Le ŋkeke enea gbe la, Elizur, Sedeur ƒe viŋutsu, Ruben ƒe to la ƒe kplɔla tsɔ eƒe nunanawo vɛ. Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram alafa ɖeka blaasiekɛ-vɔ-ɖekɛ kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me; sikanutɔgba sue ɖeka si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo, si yɔ banaa kple dzudzɔdonu; etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa; eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Hekpe ɖe nu siawo ŋu la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Elizur, Sedeur ƒe viŋutsu, ƒe nunanawo. Le ŋkeke atɔ̃a gbe la, Selumiel, Zurisadai ƒe viŋutsu, Simeon ƒe to la ƒe kplɔla, tsɔ eƒe nunanawo vɛ. Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me. Egatsɔ sikanutɔgba sue ɖeka si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo, si yɔ banaa kple dzudzɔdonu; etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa; eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Hekpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Selumiel, Zurisadai ƒe viŋutsu ƒe nunanawo. Le ŋkeke adea gbe la, Eliasaf, Deguel ƒe viŋutsu, Gad ƒe to la ƒe kplɔla, tsɔ eƒe nunanawo vɛ. Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me; sikanutɔgba sue ɖeka, si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo, si yɔ banaa kple dzudzɔdonu; etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa; eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Kpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Eliasaf, Deguel ƒe viŋutsu ƒe nunanawo. Le ŋkeke adrea gbe la, Elisama, Amihud ƒe viŋutsu, Efraim ƒe to la kplɔla, tsɔ eƒe nunanawo vɛ. Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka, si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me. Egatsɔ sikanutɔgba sue ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, si dzudzɔdonu yɔ banaa la vɛ. Etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa, eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Kpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Elisama, Amihud ƒe viŋutsu ƒe nunanawo. Le ŋkeke enyia gbe la, Gamaliel, Pedahzur ƒe viŋutsu, Manase ƒe to la kplɔla, tsɔ eƒe nunanawo vɛ. Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me; sikanutɔgba sue ɖeka si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo, si dzudzɔdonu yɔ banaa la vɛ. Etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la, vɛ hena numevɔsa, eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Kpe ɖe nu siawo ŋu la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Gamaliel, Pedahzur ƒe viŋutsu ƒe nunanawo. Le ŋkeke asiekɛa gbe la, Abidan, Gideoni ƒe viŋutsu, Benyamin ƒe to la kplɔla, tsɔ eƒe nunanawo vɛ. Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me; sikanutɔgba sue ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, si yɔ banaa kple dzudzɔdonu; etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la, vɛ hena numevɔsa, eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Kpe ɖe nu siawo ŋu la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Abidan, Gideoni ƒe viŋutsu ƒe nunanawo. Le ŋkeke ewoa gbe la, Ahiezer, Amisadai ƒe viŋutsu, Dan ƒe to la ƒe kplɔla tsɔ eƒe nunanawo vɛ. Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram blaenyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me; sikanutɔgba sue ɖeka, si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo, si dzudzɔdonu yɔ banaa la vɛ. Etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa, eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Hekpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Ahiezer, Amisadai ƒe viŋutsu ƒe nunanawo. Le ŋkeke wuiɖekɛa gbe la, Pagiel, Okran ƒe viŋutsu, Aser ƒe to la ƒe kplɔla tsɔ eƒe nunanawo vɛ. Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram blaenyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me; sikanutɔgba sue ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, si yɔ banaa kple dzudzɔdonu; etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa, eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Kpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Pagiel, Okran ƒe viŋutsu ƒe nunanawo. Le ŋkeke wuievea gbe la, Ahira, Enan ƒe viŋutsu, Naftali ƒe to la ƒe kplɔla, tsɔ nunanawo vɛ. Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba kple ze la me; sikanutɔgba sue ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, si dzudzɔdonu yɔ banaa la vɛ. Etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa, eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Hekpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Ahira, Enan ƒe viŋutsu ƒe nunanawo. Nu siwo Israel ƒe towo ƒe kplɔlawo na be woatsɔ akɔ vɔsamlekpui la ŋu, esi wosi ami nɛ lae nye: klosalogba wuieve, klosalogba wuieve kple sikanutɔgba wuieve. Klosalogbawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe kpekpemee nye kilogram ɖeka kple afã, eye klosalogbaawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe kpekpemee nye kilogram ɖeka kple afã; wo katã ƒe kpekpemee nye kilogram blaeve-vɔ-adre kple afã; sikanutɔgba wuieve siwo dzudzɔdonu yɔ banaa, nutɔgba ɖeka ƒe kpekpemee nye gram blaeve-vɔ-enyi, wo katã ƒe kpekpemee nye kilogram ɖeka kple afã. Lã siwo katã wotsɔ vɛ hena numevɔsa la le nyi wuieve, agbo wuieve, agbovi wuieve siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, hekpe ɖe wo ŋu nuɖuvɔsanuwo ŋu; gbɔ̃tsu wuieve siwo woatsɔ awɔ nu vɔ̃ ŋuti vɔsae. Lã siwo katã woatsɔ asa akpedavɔe la le nyitsu blaeve-vɔ-ene, agbo blaade, gbɔ̃tsu blaade kple agbovi blaade, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka. Ale si wokɔ vɔsamlekpui la ŋu, le esime wosi ami nɛ lae nye esi. Esi Mose yi agbadɔ la me be yeaƒo nu kple Mawu la, ese Gbe la wònɔ nu ƒom nɛ tso teƒe si le nubablaɖaka la ƒe amenuvevezikpui la tame le Kerubi eveawo tame. Akaɖiti la tutu Yehowa gblɔ na Mose be, “Ƒo nu na Aron, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ne ètsɔ akaɖi adreawo da ɖe akaɖiti la dzi la, ele be woaklẽ ɖe teƒe si le akaɖiti la ŋgɔ.’ ” Aron wɔ esia. Eɖo akaɖigbea atiawo dzi ɖe ɖoɖo siwo Yehowa na Mose nu tututu. Wotsɔ sika wɔ akaɖiti la kple seƒoƒowo ɖe akaɖiti la ƒe zɔ kple alɔdzeawo ŋu. Wowɔ akaɖitiawo abe ale si Yehowa fia Mose ene. Levi ƒe viwo ŋuti kɔkɔ Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɖe Levi ƒe viwo ɖa le Israelvi bubuawo dome, eye nàkɔ wo ŋu to mɔ sia dzi. Hlẽ tsi kɔkɔe la ɖe wo ŋu, eye nàna woawo ŋutɔ nalũ woƒe ŋutifuwo katã, eye woanya woƒe awuwo, ekema woanɔ kɔkɔe. Na woatsɔ nyitsuvi aɖe kple nuɖuvɔsanu si nye wɔ memee si wobaka kple ami la kple nyitsu bubu na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa vɛ. Ekema, nàkplɔ Levi ƒe viwo va Agbadɔ la ƒe mɔnu eye naƒo Israelviwo ƒe ha blibo la nu ƒu. Le afi ma la, nana Levitɔ nava Yehowa ƒe ŋkume eye Israelviwo ada asi ɖe wo dzi, ato tsɔtsɔna ƒe dzesiwo me, atsɔ wo ana Yehowa abe nunana tso Israel dukɔ blibo la gbɔ ene. Levi ƒe viwo anɔ Israelviwo katã teƒe le Yehowa subɔsubɔ me. “Le esia megbe la, Levi ƒe viwo ƒe kplɔlawo ada woƒe asiwo ɖe nyitsuvi eveawo ƒe tawo dzi, eye woatsɔ wo ana le Yehowa ŋkume. Woatsɔ ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, eye woatsɔ evelia asa numevɔ be woalé avu ɖe Levi ƒe viwo nu. Ekema woatsɔ Levi ƒe viwo ana Aron kple via ŋutsuwo abe ale si wotsɔa nu bubu ɖe sia ɖe si wodi be woana Yehowa la naa nunɔlawo ene! Eya ta nàtia Levi ƒe viwo ɖa le Israelvi bubuawo katã dome, eye Levi ƒe viwo azu tɔnye. “Ne èkɔ wo ŋuti, eye nètsɔ wo nam le mɔ sia nu vɔ la, woate ŋu age ɖe agbadɔ la me hena woƒe subɔsubɔdɔwo wɔwɔ. Wonye tɔnyewo le Israelviwo katã dome. Mexɔ wo ɖe Israelviwo ƒe viŋutsu gbãtɔwo katã teƒe; mexɔ Levi ƒe viwo abe teƒenɔlawo ene. Israelviwo ƒe viŋutsu ŋgɔgbetɔwo kple woƒe lãwo ƒe vi ŋgɔgbetɔwo katã nye tɔnyewo. Metsɔ wo na ɖokuinye le zã si me mewu Egiptetɔwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã. Ɛ̃, mexɔ Levi ƒe viwo ɖe Israelviwo ƒe viŋutsu tsitsiwo katã teƒe. Matsɔ Levi ƒe viwo ake Aron kple via ŋutsuwo abe nunana ene. Levi ƒe viwo awɔ dɔ kɔkɔe siwo wohiã tso Israelviwo si be woawɔ le agbadɔ la me, woatsɔ nu siwo amewo na la asa vɔwoe, eye woalé avu ɖe wo nu. Dɔvɔ̃ mato le Israelviwo dome abe ale si wòanɔ ene ne ame siwo menye Levi ƒe viwo o la ge ɖe agbadɔ la me ene o.” Ale Mose kple Aron kpakple Israelviwo katã wotsɔ Levi ƒe viwo na Yehowa le se si wòde na Mose la nu. Levi ƒe viwo kɔ wo ɖokuiwo ŋu, eye wonya woƒe awuwo. Aron to tsɔtsɔna ƒe dzesiwo me tsɔ wo na Yehowa. Ewɔ avuléle ƒe wɔnawo ɖe wo ta hekɔ wo ŋuti. Le esia megbe la, woyi agbadɔ la me abe Aron kple via ŋutsuawo ƒe kpeɖeŋutɔwo ene. Wowɔ nu sia nu pɛpɛpɛ ɖe se si Yehowa de na Mose la nu. Yehowa gblɔ na Mose be, “Se sia ku ɖe Levi ƒe viwo ŋu. Ŋutsu siwo xɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ la ava awɔ Mawu ƒe agbadɔ la ŋuti dɔ. Ke ne woxɔ ƒe blaatɔ̃ la, woaxɔ dzudzɔ tso woƒe dɔwɔwɔ me, eye womagawɔ dɔ o. Woate ŋu akpe ɖe wo nɔviwo ŋu le woƒe dɔwɔwɔwo me le agbadɔ la me, gake woawo ŋutɔ magawɔ dɔ la o. Ekema esiae nye ale si nàde dɔwo asi na Levi ƒe viwoe.” Ŋutitotoŋkekenyui la ŋuti sewo Yehowa de se siawo na Mose esime Mose kple Israelvi mamlɛawo nɔ Sinai gbedzi le ɣleti gbãtɔ me, le ƒe evelia me, esi wodo go tso Egipte. Yehowa gblɔ nɛ be, “Na Israelviwo naɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le eƒe ɣeyiɣi la dzi. Miɖui le eƒe ɣeyiɣi la dzi, le fiẽ, le ɣleti sia ƒe ŋkeke wuienelia gbe le eƒe sewo kple ɖoɖowo katã nu.” Ale Mose gblɔ na Israelviwo be woaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la, eye woɖui le Sinai gbegbe la le fiẽ, le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia gbe. Israelviwo wɔ nu sia nu abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. Ke wo dometɔ aɖewo mete ŋu ɖu Ŋutitotoŋkekenyui la gbe ma gbe o, elabena wo dometɔ aɖewo gblẽ kɔ ɖo na wo ɖokuiwo le ame kuku aɖe ta. Ale wova Mose kple Aron gbɔ gbe ma gbe, eye wogblɔ na Mose be, “Míegblẽ kɔ ɖo ɖe ame kuku aɖe ta, ke nu ka ta woaxe mɔ na mí be míatsɔ Yehowa ƒe vɔsa vɛ kpe ɖe Israelvi bubuawo ŋu le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi o?” Mose gblɔ na wo be yeabia nya Yehowa tso woƒe xaxa la ŋuti. Yehowa ƒe nyametsotsoe nye: “Ne Israelviwo dometɔ siwo li fifia alo siwo anɔ dzidzime siwo ava va me la gblẽ kɔ ɖo na wo ɖokuiwo le Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe ɣeyiɣi me, to asikaka ame kuku aɖe ŋu me, alo ne wozɔ mɔ, eye womate ŋu anɔ wo nɔviwo dome o la, ele be woaɖu Yehowa ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la kokoko. Woawo aɖui le ɣleti ɖeka megbe, le ɣleti evelia ƒe ŋkeke wuienelia gbe. Woadze ŋkekenyui la ɖuɖu gɔme tso gbe ma gbe ƒe fiẽ. Woaɖu alẽvi la ɣe ma ɣi kple abolo maʋamaʋã kple amagbe veve. Mele be woagblẽ nuɖuɖu la ƒe ɖeke ɖi ŋu nake ɖe edzi o, eye womagbã alẽvi la ƒe ƒu aɖeke o. Woazɔ ɖe Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu ƒe sewo nu pɛpɛpɛ. “Ke ame sia ame, si megblẽ kɔ ɖo na eɖokui o, eye mezɔ mɔ hã o, gake wògbe meɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi o la, woaɖee le Israelviwo ƒe ha me le ale si wògbe be yemasa vɔ na Yehowa le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi o ta. Eƒe nu vɔ̃ anɔ edzi. Ne amedzro aɖe le mia dome, eye wòdi be yeaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la na Yehowa la, ele nɛ be wòawɔ Ŋkekenyui la ɖuɖu ƒe sewo dzi pɛpɛpɛ. Se ɖeka koe li na ame sia ame.” Lilikpo si le agbadɔ la tame Le gbe si gbe wotu agbadɔ la la, lilikpo la tsyɔ edzi. Le gbe ma gbe ƒe fiẽ la, lilikpo la trɔ hedze abe dzo bibi ene. Enɔ nenema le zã blibo la me. Aleae wònɔna azɔ: enyea lilikpo le ŋkeke me eye wòdzena abe dzo bibi ene le zã me. Ne lilikpo la ho la, Israelviwo dzea mɔ, ɖea zɔ va se ɖe afi si lilikpo la natɔ ɖo, eye woƒua asaɖa anyi ɖe afi ma. Wozɔ mɔ alea le Yehowa ƒe kpɔkplɔ te. Wotɔna ɖe afi si Yehowa ɖo na wo be woatɔ ɖo. Wonɔa afi ma ɣeyiɣi si lilikpo la tɔ ɖe afi ma. Ne enɔ anyi wòdidi la, woawo hã wonɔa anyi ɣeyiɣi didi ma ke. Ke ne enɔ anyi ŋkeke ʋɛ aɖewo ko la, ekema Israelviwo hã wonɔa anyi ŋkeke ʋɛ aɖewo ko, elabena nenemae Yehowa ɖo na wo. Ɣe aɖewo ɣi la, lilikpo la nɔa asaɖa la tame ŋkeke ʋɛ aɖewo ko; le Yehowa ƒe gbeɖeɖe nu la, woatsi asaɖa la me, eye le eƒe gbeɖeɖe nu la, woadze mɔ. Ɣe aɖewo ɣi la, lilikpo la nɔa anyi tso fiẽ va se ɖe ŋdi ko, eye ne eho le ŋdi la, wodzea mɔ. Nenye le ŋkeke me alo zã me, ɣe sia ɣi si lilikpo la ho ko la, wodzea mɔ. Ne lilikpo la nɔ agbadɔ la tame ŋkeke eve alo ɣleti ɖeka alo ƒe ɖeka la, Israelviwo nɔa asaɖa la me, eye womedzea mɔ o. Ke ne eho la, wodzea mɔ. Le Yehowa ƒe gbeɖeɖe nu la, woƒua asaɖa anyi, eye le Yehowa ƒe gbeɖeɖe nu la, wodzea mɔ. Wowɔa Yehowa ƒe gbe dzi le se si wòde to Mose dzi la nu. Klosalokpẽwo Yehowa gblɔ na Mose be, “Tsɔ klosalo wɔ kpẽ eve hena ameawo yɔyɔ be woaƒo ƒu kple gbeƒãɖeɖe be woaho. Ne woku kpẽ eveawo ƒo ƒui la, ameawo anya be, ele be yewoakpe ta le agbadɔ la ƒe mɔnu. Ke ne woku kpẽ ɖeka ko la, ekema kplɔlawo kple Israel ƒe toawo ƒe tatɔwo ava ƒo ƒu ɖe ŋkuwòme. Ne woku kpẽa la, ekema to siwo ƒu asaɖa anyi ɖe ɣedzeƒe la aho. Ne kpẽa gaɖi zi evelia tu ɖe nu la, to siwo le dziehe lɔƒo la hã adze mɔ. Kpẽa ƒe ɖiɖi nye nyanyanana be woadze mɔ. Ke ne wodi be dukɔ la katã nakpe ta la, woaku kpẽ la kpuie ko. “Aron ƒe viŋutsuwo, ame siwo nye nunɔlawo la koe kpɔ mɔ aku kpẽawo. Esia nye nuɖoanyi na mi tso dzidzime yi dzidzime. Ne mieyi aʋa kple miaƒe futɔwo, ame siwo le mia tem ɖe anyi le miawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi la, ekema miku kpẽawo. Ekema Yehowa, miaƒe Mawu la aɖo ŋku mia dzi, eye wòaɖe mi tso miaƒe futɔwo ƒe asi me. Miku kpẽawo le dzidzɔɣiwo hã. Miku wo le miaƒe ƒe sia ƒe Ŋkekenyuiwo dzi kple dzinu yeye ɖe sia ɖe ƒe Ŋkekenyuiwo dzi. Miku kpẽawo hã ɖe miaƒe numevɔsawo kple ŋutifafavɔsawo hã ŋu, eye woanye ŋkuɖodzi na mi le miaƒe Mawu la ŋkume. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.” Israelviwo dzo le Sinai to la gbɔ Lilikpo la ho le agbadɔ la tame le Israelviwo ƒe dzodzo le Egipte ƒe ƒe evelia ƒe ɣleti evelia ƒe ŋkeke blaevelia gbe. Ale Israelviwo dzo le Sinai gbegbe la. Wodze lilikpo la yome va se ɖe esime wòtɔ ɖe Paran gbegbe la. Esiae nye woƒe mɔzɔzɔ gbãtɔ esi woxɔ Yehowa ƒe se siwo wòde na Mose tso mɔzɔzɔ la ŋuti. Yuda ƒe to la dze ŋgɔ, nɔ woƒe aflaga la yome. Woƒe kplɔlae nye Nahson, Aminadab ƒe viŋutsu. Isaka ƒe to la kplɔ wo ɖo. Woƒe kplɔlae nye Netanel, Zuar ƒe viŋutsu. Eliab, Helon ƒe viŋutsu kplɔ Zebulon ƒe to la dze wo yome. Wokaka Agbadɔ la, eye Gerson kple Merari ƒe viwo tso Levi ƒe viwo dome kplɔ wo ɖo. Wokɔ Agbadɔ la ɖe abɔta. Ruben ƒe to la kple woƒe aflaga dze wo yome le woƒe kplɔla Elizur, Sedeur ƒe viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te. Simeon ƒe to la kplɔ woawo hã ɖo. Wonɔ woƒe kplɔla Selumiel, Zurisadai ƒe viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te. To si kplɔ wo ɖo lae nye Gad ƒe to la. Woƒe kplɔlae nye Eliasaf, Deguel ƒe viŋutsu. Kohat ƒe viwo kplɔ Gad ƒe to la ɖo. Woawoe tsɔa nu kɔkɔeawo. Wotua agbadɔ la ɖe teƒe yeyea hafi wova ɖona. Efraim ƒe to la kplɔ Kohat ƒe viwo ɖo. Wonɔ woƒe aflaga yome le Elisama, Amihud ƒe viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te. Manase ƒe to la nɔ Gamaliel, Pedahzur ƒe viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te kplɔ wo ɖo, eye Benyamin ƒe to la nɔ woƒe kplɔla Abidan, Gideoni ƒe viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te kplɔ wo ɖo. Ame mamlɛtɔwoe nye Dan ƒe to la. Wonɔ woƒe aflaga yome le woƒe kplɔla, Ahiezer, Amisadai ƒe viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te. Aser ƒe to la, ame siwo Pagiel, Okran ƒe viŋutsu kplɔ, kple Naftali ƒe to la, ame siwo Ahira, Enan ƒe viŋutsu kplɔ la dze wo yome. Ɖoɖo sia mee Israelviwo ƒe towo nɔna hezɔa mɔ. Gbe ɖeka la, Mose gblɔ na srɔ̃a nɔviŋutsu, Hobab si nye Midiantɔ Reuel ƒe viŋutsu be, “Mlɔeba la, míele mɔ dzem ɖo ta Ŋugbedodonyigba la dzi. Na míayi. Míalé be na wò, elabena Yehowa do nu nyui geɖewo ŋugbe na Israel!” Ke Hobab gblɔ nɛ be, “Ao, ele be matrɔ ayi mía de aɖanɔ nye amewo dome.” Mose ɖe kuku nɛ be, “Nɔ mía gbɔ, elabena ènya teƒe siwo míaƒu asaɖa anyi ɖo, eye ànye ŋku na mí. Ne èkplɔ mí ɖo la, àkpɔ gome le nu nyui siwo katã Yehowa wɔna na mí la me.” Wozɔ mɔ ŋkeke etɔ̃ tso Sinai to, Yehowa ƒe to la gbɔ. Nubablaɖaka la le wo ŋgɔ be yeatia teƒe si woatɔ ɖo la na wo. Wodze mɔ le ŋkeke me. Yehowa ƒe lilikpo la nɔ zɔzɔm le ŋgɔ na wo. Ne wokɔ nubablaɖaka la dze mɔ la, Mose doa ɣli be, “O! Yehowa, tsi tsitre, eye nàka wò futɔwo hlẽ. Na woasi le ŋgɔwò.” Ne wodro nubablaɖaka la ɖi la, egblɔna be, “Yehowa, trɔ gbɔ va Israelvi akpe akpeawo gbɔ.” Dzo tso Yehowa gbɔ Ameawo de asi liʋĩliʋĩlilĩ me le woƒe fukpekpewo katã ta. Yehowa see, eye wòdo dɔmedzoe ɖe wo ŋu le woƒe liʋĩliʋĩlilĩ ta. Ale Yehowa ƒe dzo de asi ame siwo le asaɖa la ƒe mlɔenu la tsɔtsrɔ̃ me. Wodo ɣli na Mose be wòaxɔ na yewo. Esi Mose do gbe ɖa na Yehowa ɖe wo ta la, dzo la tsi. Tso ɣe ma ɣi dzi la, wona ŋkɔ teƒe la be “Dzobiteƒe,” elabena dzo tso Yehowa gbɔ bi le ameawo dome le afi ma. Tegliwo tso Yehowa gbɔ Nuɖuɖu bubuwo de asi yakame siwo le wo dome la dzodzro me, eye Israelviwo gade asi liʋĩliʋĩlilĩ me hegblɔna be, “Ne míakpɔ lã aɖu ko! Míeɖo ŋku tɔmelã siwo míeɖu le Egipte femaxee kple dzamatre, aɖiba, agumetaku, sabala kple ayo dzi. Ke fifia la, míegakpɔa nu siawo o; mana ko míeɖuna gbe sia gbe!” Mana la le ɣie abe bliku ene gake ele gbadzɛe, eye wòvivina abe anyitsibolo ene. Ameawo fɔnɛ le anyigba, tonɛ le to me, ɖanɛ eye wòwɔa tatalĩ si vivina abe tatalĩ si wotɔ le ami me ene. Mana gena kple zãmu ƒe dzadza le zã me. Ƒomewo tsia tsitre ɖe woƒe agbadɔwo nu henɔa avi fam. Mose se woƒe avifafa. Yehowa gado dɔmedzoe ɖe edzi wu, eye Mose hã mekpɔ ŋudzedze le nu sia ŋu o. Mose gblɔ na Yehowa be, “Nu ka ta mève nu nye eye nètiam be yeadro dukɔ sia tɔgbi ƒe agba ɖe dzinye? Vinyewo wonyea? Nyee nye wo fofoa? Nu sia tae nède dɔ asi nam be makpɔ wo dzi abe vidzĩwo ene va se ɖe esime míaɖo anyigba si ŋugbe nèdo na mía tɔgbuiwo la dzia? Afi ka makpɔ lã tsoe ana ame siawo katã? Wole avi fam nam le gbɔgblɔm be, ‘Na lã mí’ Nye ɖeka nyemate ŋu atsɔ dukɔ sia ƒe nyawo o. Agba la kpe nam akpa! Nenye aleae nàwɔm la, ekema meɖe kuku, wum fifi laa, eye wòanye nunyee nève boŋ! Ɖem tso nye xaxa dziŋɔ sia me!” Tete Yehowa gblɔ na Mose be, “Na Israelviwo ƒe ametsitsi blaadre naƒo ƒu ɖe nye ŋkume. Kplɔ wo va agbadɔ la me, eye woatsi tsitre ɖe afi ma kpli wò. Maɖi ava ƒo nu kpli wò le afi ma. Maɖe Gbɔgbɔ si le dziwò la ƒe ɖe le dziwò ada ɖe woawo hã dzi. Woatsɔ dukɔ la ƒe agba akpe ɖe ŋuwò ale be dɔdeasi la maganɔ wò ɖeka ko dzi o. “Gblɔ na ameawo be woakɔ wo ɖokuiwo ŋuti, elabena woakpɔ lã aɖu etsɔ. Gblɔ na wo be, ‘Yehowa se miaƒe liʋĩliʋĩlilĩwo tso nu siwo katã miegblẽ ɖe megbe le Egipte la ŋu, eye wòle lã na ge mi. Miaɖui ŋkeke ɖeka, alo ŋkeke eve, atɔ̃, ewo alo blaeve ko o, ke ɣleti blibo ɖeka, va se ɖe esime wòado to ŋɔtime na mi, eye wòati mi, elabena miegbe Yehowa, ame si le mia dome, eye miefa avi le eŋkume gblɔ be, “Nu ka ta koŋ míedzo le Egipte ɖo?” ’ ” Mose gblɔ be, “Ŋutsuawo ɖeɖe de akpe alafa ade, nyɔnuwo kple ɖeviwo mele eme o; le esime nèdo ŋugbe be yeana lã wo ɣleti blibo ɖeka! Ne míawu míaƒe lãwo katã hã la, made wo nu o! Ele be míaɖe tɔmelã ɖe sia ɖe tso atsiaƒu me hafi nàte ŋu awɔ wò ŋugbedodo dzi!” Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɣe ka ɣie ŋusẽ vɔ le ŋunye? Azɔ la, miakpɔe ne nye nya nye nyateƒe loo alo alakpa!” Mose dzo le agbadɔ la me, eye wògblɔ Yehowa ƒe nyawo na ameawo. Eƒo ƒu ametsitsi blaadreawo nu, eye wòna woƒo xlã agbadɔ la. Yehowa ɖiɖi le lilikpo la me, ƒo nu kple Mose, eye woɖe gbɔgbɔ si nɔ Mose dzi la ƒe akpa aɖe da ɖe ametsitsi blaadreawo dzi. Esi gbɔgbɔ la ɖiɖi ɖe wo dzi la, wogblɔ nya ɖi ɣeyiɣi aɖe. Ke ametsitsi blaadreawo dometɔ eve, Eldad kple Medad, ganɔ asaɖa la me ko, eye esi gbɔgbɔ la dze ɖe wo dzi la, wogblɔ nya ɖi le afi ma. Ɖekakpui aɖewo ƒu du yi ɖagblɔ nya si dzɔ la na Mose. Yosua, Nun ƒe viŋutsu, ame si Mose ŋutɔ tia be wòanye yeƒe kpeɖeŋutɔ la gblɔ be, “Amegã, na woadzudzɔ!” Ke Mose ɖo eŋu be, “Ɖe nèle ŋu ʋãm ɖe nunyea? Ɖe boŋ madi be Yehowa ƒe amewo katã nazu nyagblɔɖilawo, eye Yehowa nada eƒe gbɔgbɔ ɖe wo katã dzi hafi!” Emegbe la, Mose kple Israelviwo ƒe ametsitsiawo trɔ yi asaɖa la me. Azɔ ya sesẽ aɖe ƒo tso Yehowa gbɔ, eye wòkplɔ tegliwo vɛ tso atsiaƒu dzi. Ena wodze ɖe anyigba ƒo xlã asaɖa la katã. Woli kɔ ɖe wo nɔewo dzi, anɔ abe mita ɖeka ene tso anyigba, eye woƒe kekeme tso asaɖa la gbɔ anye ŋkeke ɖeka ƒe azɔli. Ŋkeke kple zã blibo la kpakple ŋkeke si kplɔe ɖo la, ameawo do go yi ɖalé tegliawo, eye ame aɖeke melé tegliawo wòle sue wu kilo eve kple afã o. Wosia wo ƒo xlã asaɖa blibo la kpe ɖo. Esi ame sia ame de asi lã la ɖuɖu me la, Yehowa do dɔmedzoe ɖe ameawo ŋu, eye wòtsɔ dɔvɔ̃ wu ame geɖewo. Eya ta wotsɔ ŋkɔ na teƒe la be Kibrot Hatava, elabena afi mae woɖi ame siwo dzro nuɖuɖu bubu la ɖo. Tso Kibrot Hatava la, ameha la zɔ mɔ yi Hazerot, eye wonɔ afi ma. Miriam kple Aron wotsi tsitre ɖe Mose ŋu Gbe ɖeka la, Miriam kple Aron lĩ Mose ŋu le srɔ̃a, si nye Kus nyɔnu la ta, elabena eɖe Kus nyɔnu. Wogblɔ be, “Ɖe Yehowa ƒo nu to Mose ɖeɖe ko dzia? Ɖe meƒo nu to míawo hã dzi oa?” Ke Yehowa se nya sia. (Azɔ la, Mose nye ame si bɔbɔ eɖokui wu ame bubu ɖe sia ɖe le anyigba dzi.) Enumake Yehowa gblɔ na Mose, Aron kple Miriam be, “Miva agbadɔ la me, mi ame etɔ̃ la katã.” Ale wo ame etɔ̃awo katã wodo go. Yehowa ɖiɖi tso lilikpo la me, eye wòtɔ ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu. Eɖe gbe na wo be, “Aron kple Miriam, mido va ŋgɔ,” eye wodo va ŋgɔ. Yehowa gblɔ na wo be, “Miɖo to nye nyawo: “Ne Yehowa ƒe nyagblɔɖila aɖe le mia dome la, meɖea ɖokuinye fianɛ le ŋutegawo me, eye meƒoa nu nɛ le drɔ̃ewo me. Ke esia menye nyateƒe le nye dɔla Mose gome o; ewɔa nuteƒe le nye aƒe blibo la me. Meƒoa nu kplii, ŋkume kple ŋkume. Meƒoa nu eme kɔna, eye menye le alobalowo me o; ekpɔa Yehowa ƒe dzedzeme. Ekema nu ka ta mievɔ̃ be yewoaƒo nu, atsi tsitre ɖe nye dɔla, Mose ŋu o ɖo?” Yehowa do dɔmedzoe ɖe wo ŋu vevie, eye wotrɔ dzo. Esi lilikpo dodo la ho tso agbadɔ la tame la, anyidɔ ƒo ɖe Miriam ŋuti, eye eƒe ŋuti katã fu kpii abe ɖetifu ene. Aron nye kɔ kpɔe, eye kpɔ ɖa, Miriam dze anyi. Aron gblɔ na Mose be, “Nye aƒetɔ, meɖe kuku, mègana nu vɔ̃ si míewɔ tamemabumabutɔe la ƒe metsonu nava mía dzi o. Mègana Miriam nanɔ abe vidzĩ si ku ɖe dadaa ƒe dɔ me hafi wodzii, eye eƒe ŋutilã ƒe afã ƒaƒã hafi wòdo go la ene o.” Mose ƒo koko na Yehowa kple ɣli be, “Da gbe le eŋu, O! Mawu, meɖe kuku na wò!” Yehowa ɖo eŋu na Mose be, “Ne fofoa nyɔ ta ɖe mo nɛ la, eŋuti makɔ o ŋkeke adre. Mina wòanɔ asaɖa la godo ŋkeke adre. Le ɣeyiɣi sia megbe la, agate ŋu ava asaɖa la me.” Ale woɖe Miriam ɖa le asaɖa la me ŋkeke adre. Ameawo lala, wogakplɔe gbɔe hafi wogayi mɔzɔzɔ la dzi. Le esia megbe la, wodzo le Hazerot, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Paran gbedzi. Ŋkutsatsa le Kanaan Yehowa gblɔ na Mose azɔ be, “Dɔ ŋkutsalawo ɖe Kanaanyigba, anyigba si mele tsɔtsɔm na Israel la dzi. Dɔ kplɔla ɖeka ɖa tso to sia to me.” Israelviwo ƒu asaɖa anyi ɖe Paran gbedzi ɣe ma ɣi. Mose wɔ ɖe se si Yehowa de nɛ la dzi, eye wòdɔ toawo ƒe kplɔla siawo ɖa: Woƒe ŋkɔwoe nye: Samua, Zakur ƒe viŋutsu, tso Ruben ƒe to la me; Safat, Hori ƒe viŋutsu, tso Simeon ƒe to la me; Kaleb, Yefune ƒe viŋutsu, tso Yuda ƒe to la me; Igal, Yosef ƒe viŋutsu, tso Isaka ƒe to la me; Hosea, Nun ƒe viŋutsu, tso Efraim ƒe to la me; Palti, Rafu ƒe viŋutsu, tso Benyamin ƒe to la me; Gadiel, Sodi ƒe viŋutsu, tso Zebulon ƒe to la me; Gadi, Susi ƒe viŋutsu, tso (Yosef ƒomea me) le Manase ƒe to la me. Amiel, Gemali ƒe viŋutsu, tso Dan ƒe to la me; Setur, Mikael ƒe viŋutsu, tso Aser ƒe to la me; Nahbi, Vofsi ƒe viŋutsu, tso Naftali ƒe to la me; kple Geuel, Maki ƒe viŋutsu, tso Gad ƒe to la me. Ame siawoe Mose dɔ be woaɖatsa anyigba la me. Ɣeyiɣi sia mee (Mose trɔ Hosea ƒe ŋkɔ wòzu Yosua) si gɔmee nye “Yehowa nye Ɖeɖe.” Mose dɔ wo ɖa, eye wògblɔ na wo be, “Miyi anyigba la ƒe anyigbeme lɔƒo, le Negeb ƒe tonyigba la dzi, ne miakpɔ ale si anyigba la le. Mikpɔ ale si ame siwo le anyigba la dzi hã le, ne wonye ame sesẽwo alo ame benɔewo, ne wosɔ gbɔ alo womesɔ gbɔ o. Milé ŋku ɖe nuwo ŋu, miakpɔ ne anyigba la nyo na agblemenukuwo loo alo menyo na wo o, ne woƒe duwo lolo loo alo wole sue, ne wotu mɔ sesẽwo ɖe wo ŋu, ne anyigba la nyo alo menyo o, eye ne atiwo sɔ gbɔ le edzi loo alo womesɔ gbɔ o. Migavɔ̃ o. Mitsɔ woƒe agblemenuku, siwo miakpɔ la ƒe ɖewo vɛ.” (Wonɔ waintsetse gbãtɔwo gbem ɣe ma ɣi.) Ale wotsa ŋku le anyigba la dzi tso keke Zin gbegbe la va ɖo Rehob, le Hamat gbɔ. Wotso afi ma ɖo ta dzigbeme lɔƒo; woto Negeb gbã, eye woyi Hebron. Wokpɔ Ahimanitɔwo, Sesaitɔwo kple Talmaitɔwo. Ame siawo katã nye Anak, ame dzɔatsu ƒe dzidzimeviwo. (Hebron nye du xoxo aɖe. Wotsoe ƒe adre do ŋgɔ na Tanis tsotso le Egipte.) Tso afi ma la, wova afi si woyɔna egbegbe be, Eskɔl ƒe Balime. Wotso waintsetse kpo ɖeka le afi sia wòlolo ale gbegbe be ame evee tsɔ ati de eme hafi te ŋu tsɔe! Wotsɔ yevuboɖa kple gbotsetse siwo wokpɔ le afi ma hã ƒe ɖewo ɖe asi. Israelviwo na ŋkɔ Balime sia be, Eskɔl, si gɔmee nye “Kpo ɖeka” le waintsetse si wokpɔ le afi ma ƒe kpo ɖeka ƒe lolo ta! Le ŋkeke blaene megbe la, wotrɔ gbɔ. Ŋkutsalawo ƒe nutsotsonana Wogblɔ nu si wokpɔ la na Mose, Aron kple Israelviwo katã le Paran gbedzi le Kades, eye wotsɔ kutsetse siwo wotsɔ vɛ la fia wo. Wona nutsotso Mose ale, “Míede anyigba si dzi mieɖo mí ɖo be míatsa ŋku le la dzi. Enye anyigba nyui aɖe ŋutɔ, anyigba si dzi notsi kple anyitsi le tsatsam le. Míetsɔ kutsetse siawo vɛ be woaɖe nya si gblɔm míele la ƒe nyateƒenyenye afia. Ke afi ma tɔwo nye ŋusẽtɔwo. Woƒe duwo lolo, eye woglã wo katã. Gawu la, míekpɔ Anak ƒe dzidzimeviwo gɔ̃ hã le afi ma! Amalekitɔwo le gbegbe le dziehe gome, ke Hititɔwo, Yebusitɔwo kple Amoritɔwo ya le togbɛwo dzi, eye Kanaantɔwo le atsiaƒu kple Yɔdan to.” Tete Kaleb tsi nya ɖe ameawo nu le Mose ŋkume, eye wògblɔ be, “Mina míayi aɖaxɔ anyigba la, elabena míate ŋui xoxoxo.” Ŋkutsala bubuawo gblɔ be, “Miate ŋu aɖadze wo dzi o, elabena wosesẽ wu mi.” Ale wokaka nutsotso gbegblẽ ɖe Israelviwo dome tso anyigba si dzi wotsa ŋku le la ŋuti. Wogblɔ na ameawo be, “Anyigba si dzi míetsa ŋku le la le edzinɔlawo mim. Ame siwo katã míekpɔ la nye ame dzɔatsuwo. Míekpɔ Nefilimtɔwo hã le afi ma (Anak nye Nefilimtɔwo ƒe dzidzimeviwo). Míedze le woƒe ŋkume abe abɔwo ene, eye nenema kee woawo hã kpɔ míe.” Israelviwo ƒe aglãdzedze Israelviwo katã de asi avifafa me sesĩe. Wofa avi zã blibo la. Israelviwo katã lĩ liʋĩliʋĩ ɖe Mose kple Aron ŋu, eye ame haho la katã gblɔ na wo be, “Ɖe míeku ɖe Egipte la, anye ne enyo wu alo ɖe gbedzi afi sia la, ne enyo ŋutɔ! Nu ka ŋuti Yehowa kplɔ mí va anyigba sia dzi be míatsi yi nu? Mía srɔ̃nyɔnuwo kple mía viwo azu nuhaha. Ɖe manyo wu ne míagbugbɔ ayi Egipte oa?” Wogblɔ na wo nɔewo be, “Mina míatia kplɔla si akplɔ mí míatrɔ ayi Egipte!” Tete Mose kple Aron wotsyɔ mo anyi ɖe Israelvi siwo katã ƒo ƒu ɖe afi ma la ƒe ŋkume. Yosua, Nun ƒe vi kple Kaleb, Yefune ƒe vi, ame siwo nɔ ŋkutsalawo dome, tsa ŋku le anyigba la dzi la, dze woƒe awuwo, hegblɔ na Israel ha blibo la be, “Anyigba si dzi míeto hetsa ŋku le la nyo ŋutɔ. Nenye be míaƒe nu nyo Yehowa ŋu la, akplɔ mí ayi ɖe anyigba ma dzi, anyigba si dzi notsi kple anyitsi le tsatsam le, eye wòatsɔe ana mí. Gake ɖekoe miagadze aglã ɖe Yehowa ŋu o, eye migavɔ̃ ame siwo le anyigba la dzi o, wo dzi ɖuɖu le bɔbɔe na mí, elabena luʋɔ dzo le wo ta, ke míawo ya la, Yehowa li kpli mí, eya ta migavɔ̃ na wo o.” Ke ameha blibo la ƒo nu tso kpeƒuƒu wo ŋu. Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dze le agbadɔ la gbɔ na Israelviwo katã. Yehowa gblɔ na Mose be, “Va se ɖe ɣe ka ɣie ame siawo ado vlom? Va se ɖe ɣe ka ɣie woagbe be yewomaxɔ dzinye ase o le dzesi wɔnuku siwo mewɔ la katã megbe? Womaganye nye domenyilawo o. Matsrɔ̃ wo kple dɔvɔ̃. Mana dukɔ si alolo sãa, eye wòasẽ ŋu sãa wu Israel la nado tso mewò!” Mose ƒo koko na Yehowa be, “Ke nu ka Egiptetɔwo abu ne wose nya sia? Wonya ŋusẽ si nèɖe fia le wò amewo ɖeɖe me la nyuie. Wogblɔ nya sia na anyigba sia dzi nɔlawo, eye wonya nyuie be, wò Yehowa nèle Israel dzi, eye nèƒoa nu kplii ŋkume kple ŋkume. Wokpɔa lilikpo dodo la kple dzo bibi la wonɔa mía tame. Wonya be èkplɔa mí, eye nèkpɔa mía ta le ŋkeke me kple zã me siaa. Azɔ ne èwu wò amewo la, dukɔ siwo se nu tso wò ŋkɔxɔxɔ ŋu la agblɔ be, ‘Enɔ na Yehowa be wòawu wo, elabena mete ŋu kpɔ wo ta le gbedzi o. Ŋusẽ menɔ eŋu be wòate ŋu akplɔ wo ayi anyigba si wòka atam be yeatsɔ ana wo la dzi o.’ “Azɔ la, wòaɖe Yehowa ƒe ŋusẽ afia abe ale si nèɖe gbeƒãe ene: ‘Yehowa le blewu le dɔmedzoedodo me, eƒe amenuveve sɔ gbɔ, eye wòtsɔa nu vɔ̃ kple aglãdzedze kena. Ke megbea tohehe na fɔɖilawo o. Ehea to na ɖeviwo ɖe wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo ta va se ɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi.’ O! Meɖe kuku na wò, tsɔ ameawo ƒe nu vɔ̃wo ke wo le wò lɔlɔ̃ triakɔ si metrɔna o la ta, abe ale si nètsɔ nu vɔ̃wo ke wo ɣe sia ɣi tso esime míedzo le Egipte va se ɖe fifia ene.” Yehowa ɖo eŋu be, “Metsɔe ke wo abe ale si nèbia ene. Gake zi ale si mele agbe, eye zi ale si Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ anyigba blibo la dzi la, nenema tututue wòanye nyateƒe, be ame siwo kpɔ nye ŋutikɔkɔe kple nukunu siwo mewɔ le Egipte kple gbedzi siaa, eye wogbe zi ewo be yewomaka ɖe dzinye o, eye yewomaɖo tom hã o la dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã makpɔ anyigba si ŋugbe medo na ame siawo tɔgbuiwo o. Ke nye dɔla, Kaleb ya nye ame bubu aɖe kura, eɖo tom ale si dze. Makplɔe ayi anyigba si dzi wòde abe ŋkutsala ene la, eye eƒe dzidzimeviwo akpɔ woƒe gome dedie le eme. Azɔ la, esi Israelviwo le vɔvɔ̃m nenema gbegbe na Amalekitɔwo kple Kanaantɔwo, ame siwo le baliawo me ta la, etsɔ la, ele na mi be miagatrɔ ayi gbedzi, aɖo ta Ƒu Dzĩ la gbɔ.” Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, “Va se ɖe ɣe ka ɣie ameha vɔ̃ɖi sia alĩ liʋĩliʋĩ ɖe ŋutinye? Mese Israelvi liʋĩliʋĩlĩla siawo ƒe liʋĩliʋĩlilĩ. Migblɔ na wo be, ‘Yehowa ka atam be yeana nu si vɔ̃m miele la nava mia dzi. Mi katã miaku ɖe gbedzi le afi sia! Ame ɖeka pɛ si xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, ame si lĩ liʋĩliʋĩ le ŋutinye gɔ̃ hã la made Ŋugbedodonyigba la dzi o. Kaleb, Yefune ƒe viŋutsu kple Yosua, Nun ƒe viŋutsu, koe aɖo anyigba la dzi. Miegblɔ be yewo viwo ava zu kluviwo na anyigba la dzi tɔwo. Le esia teƒe la, makplɔ mia viwo boŋ woaɖo anyigba la dzi dedie, eye woawo anyi nu si miawo miedo vloe la ƒe dome. Ke miawo la, miaku ɖe gbe sia dzi. Miatsa tsaglalã le gbedzi abe alẽnyilawo ene ƒe blaene. Ale miaxe fe ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta va se ɖe esime mia dometɔ mamlɛtɔ naku ɖe gbedzi. Ƒe blaene, ƒe ɖeka ɖe ŋkeke ɖeka ɖe sia ɖe si mietsa ŋku le anyigba la dzi nu, miakpe fu ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta, eye mianya nu si wònye be miana matrɔ le mia yome.’ Nye, Yehowa, meƒo nu, eye mawɔ nu siawo ameha vɔ̃ɖi blibo la, ameha si bla ɖe ŋunye la kokoko. Woƒe nuwuwu aɖo le gbegbe sia dzi; afi siae woaku ɖo.” Ale ame siwo Mose ɖo ɖa be woatsa ŋku le anyigba la dzi, eye wogbɔ va na ameha blibo la lĩ liʋĩliʋĩ ɖe eŋu to nutsotso vɔ̃ nana tso anyigba la ŋuti me la, ame siwo na nutsotso vɔ̃ tso anyigba la ŋu la, woƒo wo ƒu anyi, eye woku le dɔvɔ̃ ta le Yehowa ŋkume. Yosua kple Yefune ƒe vi Kaleb koe susɔ le ŋkutsalawo dome. Esi Mose gblɔ nya siwo Yehowa gblɔ nɛ la na Israelviwo la, nuxaxa gã aɖe ge ɖe asaɖa blibo la me. Wofɔ ŋdi kanya, eye wodze mɔ ɖo ta Ŋugbedodonyigba la dzi. Ameawo gblɔ be, “Míedze sii be míewɔ nu vɔ̃, ke míele klalo azɔ be, míayi anyigba si ŋugbe Yehowa do na mí la dzi!” Ke Mose gblɔ be, “Nu ka ŋuti miele tsitre tsim ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo la ŋu? Mele edzi dze ge o! Migazɔ ɖe miaƒe ɖoɖowo nu o; ne menye nenema o la, miaƒe futɔwo aɖu mia dzi, elabena Yehowa mele mia yome o. Mieɖo ŋku edzi oa? Amalekitɔwo kple Kanaantɔwo le afi ma eye miatsi yi nu! Miegbugbɔ le Yehowa yome. Azɔ la, eya hã agbugbɔ le mia yome.” Ke togbɔ be Yehowa ƒe nubablaɖaka la loo alo Mose medzo le asaɖa la me o hã la, ameawo dze mɔ yi toawo dzi. Tete Amalekitɔwo kple Kanaantɔwo, ame siwo le toawo dzi la ɖiɖi ɖe wo dzi, kpe aʋa kpli wo, eye wonya wo ɖo ɖe Horma. Vɔsa bubuawo Yehowa gblɔ na Mose be, “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne miege ɖe anyigba si mele mia nam abe mia de ene dzi, eye miesa dzovɔ na Yehowa tso miaƒe lãhawo me, abe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ si dzea Yehowa ŋu la ene, nenye numevɔsa alo vɔsa siwo ku ɖe adzɔgbeɖeɖe tɔxɛwo ŋu, lɔlɔ̃nununana alo Ŋkekenyuiwo ƒe vɔsawo ŋu la, ekema ame si le vɔ la sam la atsɔ nuɖuvɔsa si nye wɔ memee kilogram ɖeka, si wobaka kple ami lita ɖeka na Yehowa, eye nunovɔsa si nye wain lita ɖeka la akpe ɖe eŋu. Wain hin ɖeka ƒe akpa enelia akpe ɖe alẽvi ɖeka ŋu. “ ‘Nenye agboe wotsɔ le vɔ la sam la, woatsɔ wɔ memee kilogram eve si woblu kple ami lita ɖeka kple afã kple wain lita ɖeka kple afã la akpe ɖe eŋu abe nunovɔsa ene. Esia anye vɔsa si ʋẽna lĩlĩlĩ, eye wòdzea Yehowa ŋu. “ ‘Ne ètsɔ nyitsuvi aɖe be yeasa numevɔ, adzɔgbeɖevɔ alo akpedavɔe na Yehowa la, ekema nàtsɔ nuɖuvɔsa, wɔ memee lita ade kple afã kple ami lita eve akpe ɖe nyitsuvi la ŋu. Nunovɔsa si akpe ɖe eŋu la anye wain lita eve. Woatsɔ dzo asa vɔ sia, eye wòadze Yehowa ŋu. Woawɔ nyitsu alo agbo, alẽvi alo gbɔ̃ ɖe sia ɖe ŋu dɔ nenema. Wɔ nu sia na wo dometɔ ɖe sia ɖe, ɖe woƒe agbɔsɔsɔ nu. “ ‘Dzɔleaƒea ɖe sia ɖe awɔ nu siawo ale, ne etsɔ numevɔsanu aɖe vɛ be wòanye ʋeʋẽ lĩlĩlĩ si adze Yehowa ŋu. Hena dzidzime siwo gbɔna la, ɣe sia ɣi si amedzro aɖe alo ame bubu aɖe, si le mia dome ana dzovɔsanu aɖe be wòanye ʋeʋẽ lĩlĩlĩ na Yehowa la, ele be wòawɔe tututu abe ale si miewɔnɛ ene. Se ɖeka mawo ke nanɔ ameha la si na mi kple amedzro siwo le mia dome la siaa elabena miesɔ le Yehowa ƒe ŋkume. Esia nye ɖoɖo mavɔ na dzidzime siwo gbɔna. Se kple ɖoɖo mawo ke nakplɔ mi kple amedzro siwo le mia dome.’ ” Yehowa gblɔ na Mose be, “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne miege ɖe anyigba si dzi mele mia kplɔm yi dzi, eye mieɖu anyigba ma dzi nuɖuɖu la, mitsɔ eƒe ɖe sa vɔe na Yehowa. Mitsɔ miaƒe wɔ gbãtɔwo tɔ tatalĩ, wòanye vɔsa tso miaƒe lu gbãtɔ si tso lugbɔƒe. To dzidzime siwo ava me la, ele be miasa vɔ sia na Yehowa tso miaƒe luwɔ gbãtɔwo me.’ ” Vɔsa ɖe nu vɔ̃ siwo womeɖo hafi wɔ o la ta “ ‘Ne miawo alo miaƒe dzidzimeviwo da vo, eye womewɔ se siwo katã Yehowa de na mi le ƒeawo me to Mose dzi la dzi o la, Yehowa ƒe se siwo wode na mi to edzi tso gbe si gbe Yehowa de wo, woayi edzi to dzidzime siwo gbɔna me, eye menye nu si woɖo wɔ, eye ameha la menya nu tso eŋu o la, ameha blibo la ana nyitsu fɛ̃ aɖe hena numevɔsa hena ʋeʋẽ lĩlĩlĩ si adze Yehowa ŋu hekpe ɖe eƒe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa si woɖo da ɖi kple gbɔ̃tsu ɖeka na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ŋu. Nunɔla alé avu ɖe Israelviwo katã nu, eye woatsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo, elabena vodadae, eye woɖɔ vodada sia ɖo to dzovɔsa kple nu vɔ̃ ŋuti vɔsa me le Yehowa ŋkume. Woatsɔ nu vɔ̃ ake ame sia ame; woatsɔe ake amedzro siwo le Israelviwo dome hã, elabena ameha blibo lae da vo, eya ta ameha blibo la akpɔ gome le tsɔtsɔke la me. “ ‘Nenye ame ɖekae da vo la, ekema amea ana gbɔ̃nɔe si xɔ ƒe ɖeka la na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Nunɔla la alé avu ɖe enu le Yehowa ŋkume, eye wòatsɔ eƒe nu vɔ̃ akee. Se sia bla mi ame Israelvi dzɔleaƒeawo kple amedzro siwo le mia dome hã. “ ‘Ke ne ame aɖe nya nyuie hafi da vo aɖe la, nenye Israelvi alo amedzro hã la, ekema edo vlo Yehowa, eya ta ele be woaɖee ɖa le eƒe amewo dome. Esi wòdo vlo Yehowa ƒe sewo abe nu ɖowɔ ene, eye wònya nyuie hafi da le eƒe se dzi la, ele be woawui, eye eƒe nu vɔ̃ anɔ eya ŋutɔ dzi.’ ” Wowu ame si gblẽ kɔ ɖo na Sabat Gbe ɖeka esime Israelviwo nɔ gbedzi la, wolé Israelvi aɖe wònɔ nake fɔm le Dzudzɔgbe la dzi. Wokplɔe yi Mose kple Aron kple ameha la ŋkume. Wodee mɔ va se ɖe esime woanya nu si Yehowa adi be woawɔ. Yehowa gblɔ na Mose be, “Ele be ŋutsu la naku. Ele be ameawo katã naƒu kpee le asaɖa la godo wòaku.” Ale wohee yi asaɖa la godo, eye wowui abe ale si Yehowa ɖo na wo ene. Dzesiwo le awuwo ŋu Yehowa gblɔ na Mose be, “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Mia kple miaƒe dzidzimeviwo miade gbo miaƒe avɔwo ƒe dzogoewo to, eye ka blɔtɔ nanɔ gbo ɖe sia ɖe ŋu. Ne miekpɔ gbo siawo la, ekema miaɖo ŋku se siwo katã Yehowa de na mi la dzi be miawɔ wo dzi, eye miagatsɔ mia ɖokuiwo adzra na ŋutilãmenuwo, miaƒe dzi ƒe nudzodzrowo kple nu siwo miaƒe ŋku kpɔna la o. Ekema miaɖo ŋku edzi, awɔ nye sewo katã dzi, eye miakɔ mia ɖokuiwo ŋuti na miaƒe Mawu la. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, ame si kplɔ mi do goe tso Egipte be manye miaƒe Mawu. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ ” Korah, Datan kple Abiram Gbe ɖeka la, Korah, Izhar ƒe viŋutsu kple Kohat ƒe tɔgbuiyɔvi, ame si nye Levi ƒe dzidzimevi la wɔ ɖoɖo kple Datan kple Abiram, ame siwo nye Eliab ƒe viŋutsuwo kple On, Pelet ƒe viŋutsu. Ame etɔ̃ siawo katã tso Ruben ƒe to la me. Ɖoɖo lae nye be woana amewo nadze aglã ɖe Mose ŋu. Ame siwo lɔ̃ ɖe aglãdzedze ƒe ɖoɖo sia dzi kple Israelviwo ƒe xexlẽmee nye ame alafa eve blaatɔ̃ (250). Wonye kplɔlawo kple aɖaŋudelawo. Woyi Mose kple Aron gbɔ, eye wogblɔ na wo be, “Miaƒe asitɔakɔnyawo va ti kɔ na mí azɔ. Mienyo wu ame bubu aɖeke o. Israelvi ɖe sia ɖe nye Yehowa ƒe ame tiatia, eye wòli kpli mí katã. Mɔ ka miekpɔ be miado mia ɖokuiwo ɖe dzi, agblɔ be ele be míaɖo to mi, eye mianɔ wɔwɔm abe ɖe mielolo wu Yehowa ƒe ame siawo dometɔ aɖe ene?” Esi Mose se nya si gblɔm wole la, etsyɔ mo anyi. Egblɔ na Korah kple ame siwo le eŋu la be, “Le ŋdi la, Yehowa afia ame siwo nye etɔwo, ame si le kɔkɔe kple ame si wòtia abe nunɔla ene la mi. Ele be wò, Korah kple yowòmedzelawo katã miawɔ ale: Mitsɔ dzudzɔdosonuwo, eye etsɔ la, miade dzo kple lifi wo me le Yehowa ŋkume. Ame si Yehowa atia lae anye ame si le kɔkɔe. Mi Levi ƒe viwo, mia tɔ gbɔ eme.” Mose gblɔ na Korah be, “Azɔ, mi Levi ƒe viwo, miɖo to. Mesɔ gbɔ na mi be Israel ƒe Mawu la ɖe mi ɖa tso Israel ƒe ameha la me, kplɔ mi te ɖe eɖokui ŋu be miawɔ dɔ le Yehowa ƒe Agbadɔ la me, eye miatsi tsitre ɖe ameha la ŋkume asubɔ wo oa? Ɖe ale si wòtsɔ dɔ sia de asi na mi Levi ƒe viwo ɖeɖe ko la mesɔ gbɔ na mi oa? Ke azɔ la, ɖe miele didim be yewoazu nunɔlawo hã mahã? Yehowa ŋue mi kple mia yomedzelawo katã miebla ɖo. Ame kae nye Aron be mialĩ liʋĩliʋĩ le eŋu?” Mose ɖo du ɖe Datan kple Abiram, Eliab ƒe viŋutsuwo, ke wogblɔ be, “Míegbɔna o!” Ɖeko wogblɔ be, “Ɖe nèbui be nu sue aɖe ko wònye nèwɔ be nèkplɔ mí dzoe le Egipte, tso anyigba nyui ma dzi be yeawu mí le gbegbe afi sia? Ke azɔ la, ɖe nègadi gɔ̃ hã be yeaɖu fia ɖe mía dzia? Gawu la, mèkplɔ mí yi anyigba wɔnuku si ŋugbe nèdo na mí la hã dzi o, eye mèna agbledenyigba kple waingblewo mí o. Ame kawoe nèle agbagba dzem be yeabu abunɛtɔwoe? Míegbɔna o!” Mose do dɔmedzoe vevie, eye wògblɔ na Yehowa be, “Mègaxɔ woƒe vɔsawo o! Nyemefi woƒe tedzi gɔ̃ hã kpɔ o, eye nyemewɔ nuvevi aɖeke wo dometɔ aɖeke kpɔ hã o.” Mose gblɔ na Korah be, “Miva afi sia etsɔ, wò kple yowòmedzelawo katã, eye miado ɖe Yehowa ŋkume; Aron hã anɔ afi sia. Ame sia ame natsɔ dzudzɔdosonu ɖe asi, akɔ dzudzɔdonu ɖe wo me. Wo katã ƒe xexlẽme nanye alafa eve blaatɔ̃ (250), eye miatsɔ wo va Yehowa ŋkume. Wò kple Aron hã, miatsɔ miaƒe dzudzɔdosunuwo ɖe asi vɛ.” Ale wotsɔ woƒe dzudzɔdosonuwo vɛ, ɖe dzo ɖe wo me, kɔ dzudzɔdonuwo ɖe wo me, eye wova tsi tsitre ɖe Agbadɔ la ƒe mɔnu kple Mose kple Aron. Esi Korah ƒo eyomedzelawo katã nu ƒu ɖe Agbadɔ la ƒe ŋkume be woatsi tsitre ɖe wo ŋuti la, Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia ameha blibo la. Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, “Miɖe mia ɖokuiwo ɖa le ame siawo dome ale be matsrɔ̃ wo enumake.” Mose kple Aron wotsyɔ mo anyi le Yehowa ŋkume, eye woƒo koko nɛ gblɔ be, “O! Mawu, amegbetɔwo katã ƒe gbɔgbɔ ƒe Mawu, ɖe nàdo dɔmedzoe ɖe ameawo katã ŋuti esi wònye ame ɖeka koe wɔ nu vɔ̃a?” Tete Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na ƒuƒoƒe la be, ‘Mite ɖa tso Korah, Datan kple Abiram ƒe agbadɔwo gbɔ.’ ” Ale Mose ɖe abla yi Datan kple Abiram ƒe agbadɔwo gbɔ, eye Israel ƒe dumemetsitsiwo kplɔe ɖo. Mose xlɔ̃ nu ameha la be, “Miɖe abla miadzo le ame vɔ̃ɖi siawo ƒe agbadɔwo gbɔ; migaka asi woƒe naneke ŋu o, ne menye nenema o la, abala míawo hã, eye Yehowa atsrɔ̃ miawo hã ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta.” Ale ameawo katã te ɖa le Korah, Datan kple Abiram ƒe agbadɔwo gbɔ. Datan kple Abiram do go tso woƒe agbadɔwo me, eye wotsi tsitre ɖe woƒe agbadɔwo ƒe mɔnu kple wo srɔ̃wo, wo viŋutsuwo kple wo vi suewo. Eye Mose gblɔ be, “To nu sia me la, mianya be Yehowae dɔm ɖa be mawɔ nu siawo katã, eye menye nye ŋutɔ nye susu o. Ne ŋutsu siawo aku dzɔdzɔmeku alo nu si dzɔna ɖe ŋutsu ɖe sia ɖe dzi koe dzɔ ɖe wo dzi la, ekema menye Yehowae dɔm o. Gake nenye be Yehowa ana nu yeye aɖe kura nadzɔ, anyigba nake nu ami wo kple nu sia nu si nye wo tɔ, eye woayi tsiẽƒe agbagbee la, ekema mianya be ŋutsu siawo wɔ nu tovo ɖe Yehowa ŋu.” Esi Mose wu nya siawo nu teti ko la, anyigba la wo le wo te zi ɖeka, eye anyigba la mi wo kple woƒe aƒemenuwo katã, eye nenema kee nye Korah yomedzelawo katã kple woƒe nunɔamesiwo katã hã. Ale woyi tsiẽƒe agbagbe kple woƒe nunɔamesiwo katã, eye anyigba tu ɖe wo nu, hetsrɔ̃ wo, eye wodo ɖa le ameha la dome. Esi ame siwo yi tsiẽƒe la nɔ ɣli dom la, Israelvi siwo katã ƒo xlã wo la de asi sisi me henɔ ɣli dom be, “Anyigba le míawo hã mi ge.” Dzo ge tso Yehowa gbɔ va fia ame alafa eve blaatɔ̃ (250) siwo nɔ dzudzɔ dom. Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Eleazar, Aron, nunɔla la ƒe viŋutsu be wòaɖe dzudzɔdonu mawo le dzo la me, eye wòakaka akawo ɖe teƒe didi aɖe, elabena dzoɖesonuawo le kɔkɔe tso ame siwo wɔ nu vɔ̃, eye woku la ƒe dzudzɔdosonuwo gbɔ. Na wòatsɔ dzudzɔdosonuawo atu ga gbadza aɖe atsyɔ vɔsamlekpui la dzi, elabena dzudzɔdosonu siawo le kɔkɔe esi wowɔ wo ŋu dɔ le Yehowa ŋkume ta. Ale ga gbadza si tsyɔ vɔsamlekpui la dzi la azu ŋkuɖodzinu na Israelviwo.” Ale nunɔla Eleazar tsɔ akɔblidzudzɔdosonu alafa eve blaatɔ̃ la tu ga ɖeka hena vɔsamlekpui la dzi tsyɔtsyɔ be wòanye ŋkuɖodzinu na Israelviwo be ame sia ame si menye Aron ƒe dzidzimevi o la mekpɔ mɔ ava Yehowa ŋkume, eye wòado dzudzɔ o; ne menye nenema o la, nu si wɔ Korah kple eyomedzelawo la awɔ eya hã. Ale wowɔ ɖe ɖoɖo siwo Yehowa na Mose la dzi. Esi ŋu ke ŋdi la, Israelviwo katã gade asi liʋĩliʋĩlilĩ me ɖe Mose kple Aron ŋu, henɔ gbɔgblɔm be, “Miewu Yehowa ƒe amewo.” Ale ameha gã aɖe ƒo ƒu; kasia woakpɔ agbadɔ la gbɔ ɖa la, wokpɔ lilikpo la kple Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe la. Mose kple Aron yi agbadɔ la ŋgɔ, eye Yehowa gblɔ na Mose be. “Mite ɖa le ame siawo gbɔ, ale be mate ŋu atsrɔ̃ wo enumake.” Ke Mose kple Aron wotsyɔ mo anyi le Yehowa ŋkume. Mose gblɔ na Aron be, “Netsɔ! Tsɔ dzudzɔdosonu ɖeka, ɖe dzo tso vɔsamlekpui la me de eme, da dzudzɔdonu ɖe edzi, ɖe abla kplii yi ameawo dome, eye nàlé avu ɖe wo nu, elabena Yehowa ƒe dɔmedzoe ge ɖe wo dome, eye dɔvɔ̃ to gɔ̃ hã xoxo.” Aron wɔ nu si Mose ɖo nɛ. Eƒu du yi ameawo dome, elabena dɔvɔ̃ la to xoxo. Etɔ dzo dzudzɔdonu la, eye wòlé avu ɖe wo nu. Etsi tsitre ɖe ame kukuawo kple agbagbeawo dome, eye dɔvɔ̃ la nu tso, ke ame akpe wuiene alafa adre (14,700) ku xoxo kpe ɖe ame siwo ku kple Korah le ŋkeke si do ŋgɔ la ŋu. Aron trɔ va Mose gbɔ le agbadɔ la ƒe mɔnu. Ale dɔvɔ̃ la nu tso. Aron ƒe atikplɔ ƒo se Emegbe la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Israelviwo be, ‘Ele be toawo ƒe kplɔla ɖe sia ɖe natsɔ atikplɔ si dzi wòŋlɔ eƒe ŋkɔ ɖo la vɛ na wò. Ele be Aron ƒe ŋkɔ nanɔ Levi ƒe viwo ƒe to la tɔ dzi. Tsɔ atikplɔ siawo da ɖe agbadɔ la ƒe xɔ emetɔ me, afi si medoa go wò le, le nubablaɖaka la ŋgɔ. Mawɔ atikplɔ siawo ŋu dɔ be made dzesi ame si metia, elabena amea ƒe atikplɔ azu ati gbagbe, eye wòadze! Ekema Israelviwo ƒe liʋĩliʋĩlilĩ ɖe mia ŋu nu atso!’ ” Ale Mose gblɔ nya la na Israelviwo. Kplɔlawo dometɔ ɖe sia ɖe, ame siwo dome Aron hã nɔ la, tsɔ atikplɔ ɖeka vɛ. Mose tsɔ atikplɔawo da ɖe Yehowa ŋkume le agbadɔ la ƒe xɔ emetɔ me. Esi ŋu ke wòyi la, ekpɔ be Aron ƒe atikplɔ si nye Levi ƒe to la tɔ la dze, eye seƒoƒowo de asi keke me le eŋu! Esi Mose kɔ atikplɔawo tso Yehowa ƒe ŋkume do goe va fia Israelviwo la, wotsi yaa kple dzimaxɔse! Ame sia ame xɔ eƒe atikplɔ negbe Aron ko. Yehowa gblɔ na Mose be wòatsɔ Aron ƒe atikplɔ la ada ɖe nubablaɖaka la xa, wòanɔ afi ma tegbetegbe be wòaɖo ŋku aglãdzedze sia dzi na ameawo. Ne ame aɖe galĩ liʋĩliʋĩ tso Aron ƒe nɔƒe ŋu la, ekema ele be Mose nahe atikplɔ la do goe, atsɔ afia ameawo. Nu sia ana be dzɔgbevɔ̃e bubu magava ameawo dzi o. Ale Mose wɔ nu siwo Yehowa ɖo nɛ. Israelviwo gblɔ na Mose be, “Míaku! Míebu, mí katã míebu! Ame sia ame si ate ɖe Yehowa ƒe agbadɔ la ŋu la, aku. Ɖe mí katã míele kuku gea?” Nunɔlawo kple Levi ƒe viwo ƒe dɔdeasiwo Yehowa ƒo nu na Aron azɔ gblɔ be, “Enye wò kple viwò ŋutsuwo kple wò ƒometɔwo ƒe dɔdeasi be miakpɔ egbɔ be, nu kɔkɔe aɖeke mezu nu makɔmakɔ o, eye anye miawo ƒe vodada ne kpɔtsɔtsɔ aɖe ava miaƒe nunɔladɔwo wɔwɔ ŋuti. Kplɔ nɔviwò, Levi ƒe viwo, tso Levi ƒe to la me vɛ be woakpe ɖe ŋuwò, ne wò kple viwò ŋutsuwo miele subɔsubɔm le agbadɔ la ŋgɔ. Woawɔ dɔ le wò kpɔkplɔ te, eye woawɔ dɔ siwo katã ku ɖe agbadɔ la ŋu, gake womate ɖe agbadɔ la me nuwo alo vɔsamlekpui la ŋu o, ne wowɔe la, woawo kple wò siaa miaku. Woanɔ ŋuwò awɔ dɔ, siwo katã le Mawu ƒe agbadɔ la ŋu. Ame sia ame si menye Levi ƒe vi o la mekpɔ mɔ akpe ɖe ŋuwò le mɔ aɖeke nu o. “Ɖo ŋku edzi be, nunɔlawo koe awɔ dɔ kɔkɔewo le kɔkɔeƒe la kple vɔsamlekpui la dzi. Ne miewɔ se siawo dzi la, Mawu ƒe dɔmedzoe magabi ɖe Israelviwo dometɔ aɖeke ŋu le se siawo dzi dada ta gbeɖegbeɖe o. Megale egblɔm be, nye ŋutɔe tia nɔviwò Levi ƒe viwo tso Israelviwo dome na Yehowa ƒe dɔ be woanye wò kpeɖeŋutɔwo le agbadɔmedɔwɔwɔ me. Ke wò kple viwò ŋutsuwo, nunɔlawo, miawoe awɔ dɔ kɔkɔeawo katã kple dɔ siwo le vɔsamlekpui la ŋu kple esiwo le xɔmetsovɔ la me, elabena nunɔlanyenye nye miaƒe dɔdeasi tɔxɛ. Ame bubu ɖe sia ɖe si ake atse awɔ dɔ siawo la aku.” Ale si woana nu nunɔlawo kple Levi ƒe viwo Yehowa gade se siawo na Aron. “Metsɔ nunana siwo katã Israelviwo tsɔna vɛ na Yehowa la na nunɔlawo. Nunana siwo katã wotsɔna naa Yehowa to wo nyenye le vɔsamlekpui la ŋgɔ me la nye wò kple viwò ŋutsuwo tɔ le se mavɔ la nu. Nuɖuvɔsawo, nu vɔ̃ ŋuti vɔsawo kple fɔɖivɔsawo nye mia tɔ. Nu siwo wotsɔ vɛ abe kpɔɖeŋu ene be woame na Yehowa le vɔsamlekpui la dzi koe menye mia tɔ o. Nu siawo katã nye nunana kɔkɔewo. Ŋutsuwo koe aɖu wo, eye teƒe kɔkɔe aɖe ko woaɖu wo le. “Nunana bubuawo katã si Israelviwo anam to wo nyenye le vɔsamlekpui la ŋgɔ me la nye wò kple wò ƒometɔwo, viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo siaa tɔ. Wò ƒometɔwo katã aɖu nu siawo negbe wo dometɔ si ŋu mekɔ le ɣe ma ɣi me o la ko. “Nenema ke kutsetse gbãtɔ siwo ameawo atsɔ vɛ na Yehowa abe ami, wain kple lu nyuitɔwo kple nuɖuɖu ɖe sia ɖe ene la hã nye mia tɔ. Miaƒe ƒometɔwo aɖu esiawo negbe ɖeko wo ŋuti mekɔ le ɣe ma ɣi me o. “Nu sia nu si le Israel, si ŋu wokɔ, ɖe ɖe aga na Yehowa la nye tɔwò. Vi gbãtɔ ɖe sia ɖe, amegbetɔ kple lã siaa si wotsɔ na Yehowa la nye tɔwò. Ke ele na wò be nàƒle viŋutsuvi gbãtɔ kple lã makɔmakɔ ɖe sia ɖe ƒe lãtsu gbãtɔ ta. Ne woxɔ ɣleti ɖeka la, ele na wò be nàƒle wo ta, eye wo taƒlegae nye klosalo gram blaade, le kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu. “Ke womaxe fe ɖe nyiwo, alẽwo kple gbɔ̃wo ƒe ŋgɔgbeviwo ta o; elabena wole kɔkɔe. Nàhlẽ woƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui la dzi, eye nàtɔ dzo ami la abe dzovɔsa si ʋẽna lĩlĩlĩ la ene na Yehowa. Lã siawo ƒe lã nye mia tɔ hekpe ɖe woƒe akɔ kple ɖusita, si wotsɔna naa Yehowa to wo nyenye le vɔsamlekpui la ŋgɔ me la ŋu. Ɛ̃, metsɔ nunana siwo katã Israelviwo va naa Yehowa, eye wonyena le yame la na mi. Wonye wò kple wò ƒometɔwo ƒe nuɖuɖu. Esia nye dze ƒe nubabla mavɔ le Yehowa kple wò kple wò dzidzimeviwo dome.” Yehowa gblɔ na Aron be, “Mianyi woƒe anyigba ƒe dome o, eye miakpɔ gome le wo dometɔ aɖeke me o, nyee nye miaƒe gome kple miaƒe domenyinu le Israelviwo dome. “Metsɔ Israelviwo ƒe nuwo ƒe ewolia na Levi ƒe viwo abe woƒe domenyinu ene le woƒe dɔ si wowɔna le agbadɔ me la ta. Tso azɔ dzi heyina la, Israelvi siwo menye nunɔlawo kple Levi ƒe viwo o la mekpɔ mɔ age ɖe agbadɔ la me o. Ne woge ɖee la, woaɖi fɔ, eye woaku. Levi ƒe viwo koe awɔ dɔ le agbadɔ la ŋu. Woaɖi fɔ ne wogbe dɔ wɔwɔ le afi ma. Esia nye se na mi tegbetegbe be nunɔamesi aɖeke manɔ Levi ƒe vi aɖeke si le Israelnyigba dzi o, elabena Israelviwo ƒe nuwo ƒe ewolia si wotsɔ na Yehowa to wo nyenye le vɔsamlekpui la ŋgɔ me la anye Levi ƒe viwo tɔ. Eya ta megblɔ na wo be, ‘Domenyinu manɔ wo si le Israelviwo dome o.’ ” Yehowa gblɔ na Mose be, “Ƒo nu na Levi ƒe viwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne miexɔ nu ewolia si metsɔ na mi abe miaƒe domenyinu ene tso Israelviwo si la, ele na mi be miatsɔ nu ewolia mawo ƒe ewolia abe vɔsa na Yehowa ene. Yehowa axɔ nu sia na mi abe miaƒe lu kple waintsetse gbãtɔwo ƒe nunana ene, abe ɖe wotso miawo ŋutɔ miaƒe agblewo me ene. Ale miawo hã miana nu Yehowa tso nu ewolia siwo katã miexɔ tso Israelviwo gbɔ la me. Tso nu ewolia siawo me la, miatsɔ Yehowa ƒe ɖuƒe ana Aron, nunɔla la. Ele be miatsɔ nu sia nu si wona la ƒe akpa nyuitɔ kple kɔkɔetɔ ana Yehowa abe eƒe ɖuƒe ene.’ “Gblɔ na Levi ƒe viwo be, ‘Ne mieɖe nyuitɔwo na adzɔe la, woabui na mi abe ɖe wotso miawo ŋutɔ miaƒe lugbɔƒe alo miaƒe wainfiaƒe ene. Aron kple via ŋutsuwo kple eƒe ƒometɔwo aɖui le woƒe aƒewo me alo le teƒe ɖe sia ɖe si adze wo ŋu, elabena eyae nye woƒe fetu ɖe woƒe dɔwɔwɔ le agbadɔ la me ta. Mi, Levi ƒe viwo la, miada vo o, ne miexɔ ameawo ƒe nuwo ƒe akpa ewolia ƒe ɖeka na Yehowa, eye mietsɔ nu siawo ƒe nyuitɔwo ƒe akpa ewolia ƒe ɖeka na nunɔlawo. Ke mikpɔ nyuie be miabu Israelviwo ƒe nunana kɔkɔewo abe nu dzodzrowo wonye ene o. Ne miewɔ esia la, miaku.’ ” Ameŋukɔkɔ Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, “Esiae nye se si Yehowa de. Migblɔ na Israelviwo be woatsɔ nyinɔ dzĩ si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o, eye womede kɔkuti kɔ nɛ kpɔ o la vɛ na mi. Mitsɔe na nunɔla Eleazar, miana wòahee ayi asaɖa la godo, eye wòana ame aɖe nawui le eŋkume. Ekema nunɔla Eleazar ade eƒe asibidɛ ʋu la me, eye wòahlẽ ʋu la zi adre ɖe Agbadɔ la ƒe mɔnu lɔƒo. Le esia megbe la, wòana woatɔ dzo nyinɔ la, eƒe agbalẽ, eƒe lã, eƒe ʋu kple eƒe afɔdzi siaa le eŋkume. Nunɔla Eleazar atsɔ sedati kple kakle ƒe alɔdze kple ka dzĩ ada ɖe dzo la me. Le esia megbe la, nunɔla anya eƒe awuwo, ale tsi, atrɔ ayi asaɖa la me, eye eŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ. Ame si tɔ dzo lã la hã anya eƒe awuwo, ale tsi, eye eya hã ŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ. “Ekema ame si ŋu kɔ la, aƒo nyinɔ la ƒe afi nu ƒu, eye woadae ɖe teƒe si ŋuti kɔ le asaɖa la godo afi si woadzrae ɖo na Israelviwo abe afi si woaku tsi le ene hena nuŋukɔkɔ ƒe wɔnawo na nu vɔ̃ ɖeɖe ɖa. Ame si ƒo ƒu nyinɔ la ƒe afi la anya eƒe awuwo, eye eŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ. Esia nye se na Israelviwo kple amedzro siwo le wo dome la tegbetegbe. “Ame sia ame si ka asi ame kuku ŋu la ŋuti makɔ o ŋkeke adre. Ele be wòakɔ eɖokui ŋuti le ŋkeke etɔ̃lia kple adrelia gbe kple tsi, si tso nyinɔ la ƒe afi me. Ekema eŋuti akɔ. Ne mewɔ esia le ŋkeke etɔ̃lia dzi o la, ekema eƒe ŋutimakɔmakɔ la ayi edzi adze le ŋkeke adrelia gɔ̃ hã ŋu. Ame sia ame si aka asi ame kuku aɖe ŋu, eye mekɔ eɖokui ŋu le mɔ sia dzi o la gblẽ kɔ ɖo na Yehowa ƒe agbadɔ la, eye woaɖee ɖa le Israelviwo dome. Womehlẽ tsi kɔkɔe la ɖe eŋu o, eya ta makɔmakɔnyenye la gale eŋu ko. “Se siwo dzi woawɔ ne ŋutsu aɖe ku le agbadɔ aɖe me la woe nye esiawo: Ame sia ame si ge ɖe agbadɔ la me kple ame siwo nɔ agbadɔ la me ɣe ma ɣi la ŋuti mekɔ o ŋkeke adre. Nu sia nu si nu nutunu mele o la ŋuti mekɔ o. “Ne ame aɖe le gbedzi, eye wòka asi ame si wowu le aʋa me alo ame si ku le mɔ bubu aɖe nu ƒe kukua ŋuti alo ka asi ame kuku aɖe ƒe ƒu alo yɔdo ŋu la, eŋuti mekɔ o ŋkeke adre. “Hena amea ŋuti kɔkɔ la, woatsɔ dzowɔ tso nyinɔ la ƒe numevɔsa ƒe dzowɔ me ade tsi dzidzi ƒe tsi me le tsiɖonu me. Ekema ame si ŋuti kɔ la, atsɔ kakle ƒe alɔdzewo ade tsi la me, eye wòahlẽ tsi la ɖe agbadɔ la kple ze kple gagbɛ siwo katã nɔ agbadɔ la me kple ame si ƒe agbadɔ la me nɔnɔ alo eƒe asikaka ameƒu alo ame kuku aɖe alo yɔdo aɖe ŋu na be eŋuti mekɔ o la ŋu. Woawɔ nu sia le ŋkeke etɔ̃lia kple adrelia gbewo. Emegbe la, amea anya eƒe awuwo, ale tsi, eye eŋuti akɔ le fiẽ. “Ke ne ame aɖe ŋuti mekɔ o, gake wògbe be yemakɔ ye ɖokui ŋuti o la, woaɖee ɖa le ha me, elabena egblẽ kɔ ɖo na Yehowa ƒe kɔkɔeƒe la, eye esi womehlẽ ameŋukɔtsi la ɖe eŋu o ta la, eŋuti mekɔ o. Esia nye se na mi tegbetegbe. Ele be ame si hlẽ tsi kɔkɔe la ɖe amea ŋu la nanya eƒe awuwo emegbe. Ame sia ame si ka asi tsi la ŋu la ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ. Nu sia nu si ŋu ame si ŋuti mekɔ o la ka asii la ŋu makɔ o va se ɖe fiẽ.” Tsi do tso agakpe me Israelviwo ɖo Zin gbedzi le ƒea ƒe ɣleti gbãtɔ me. Woƒu asaɖa anyi ɖe Kades. Miriam ku, eye woɖii ɖe afi ma. Tsi mebɔ ɖe afi ma na nono o, ale ameawo gadze aglã ɖe Mose kple Aron ŋu. Ameha gã aɖe ɖi anyi, eye wowɔ takpekpe ɖe Mose kple Aron ŋu. Wodo ɣli ɖe Mose ta gblɔ be, “Ɖe míawo hã míaku kple mía nɔvi lɔlɔ̃a siwo Yehowa wu hafi! Ɖe nèɖoe koŋ kplɔ Yehowa ƒe amewo va gbedzi le afi sia be míawo kple míaƒe lãhawo siaa natsrɔ̃! Nu ka koŋkoŋkoŋ ta nèna míedzo le Egipte, eye nèkplɔ mí va teƒe sesẽ sia ɖo? Ègblɔ na mí be míayi anyigba nyui si dzi nuku wɔnukuwo abe gbotiwo, wain tsetsewo kple yevuboɖatiwo ene le. Anyigba si ƒe nya nègblɔ na mí ɖe? Tsi teti gɔ̃ hã meli ade mía nu míano le afi sia o!” Mose kple Aron wotrɔ le wo gbɔ yi Agbadɔ la ƒe mɔnu. Wotsyɔ mo anyi le Yehowa ŋkume. Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia wo. Yehowa gblɔ na Mose be, “Tsɔ Aron ƒe atikplɔ la. Mi kple Aron miƒo ameawo nu ƒu. Ƒo nu le ameawo ƒe ŋkume na agakpe si le afi mɛ ɖa la be wòana tsi nado tso eme; eye nàna tsi wo tso agakpe la me wòade na ameawo kple woƒe lãwo katã.” Mose wɔ nu si Mawu ɖo nɛ. Etsɔ atikplɔ la tso afi si wòdzrae ɖo le Yehowa ŋkume. Mose kple Aron woyɔ ameawo, eye wona woƒo ƒu ɖe agakpe la gbɔ. Mose gblɔ na wo be, “Miɖo to, mi aglãdzelawo! Ɖe míaɖe tsi tso agakpe sia me na mia?” Mose kɔ atikplɔ la dzi, eye wòƒo agakpe la zi eve. Enumake tsi do bababa tso agakpe la me ameawo kple woƒe lãwo no. Ke Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, “Zi ale si mieɖo ŋu ɖe ŋunye o, eye miekɔ ŋutinye le Israelviwo ŋkume o ta la, miakplɔ Israelviwo ade anyigba si ŋugbe medo na wo la dzi o!” Wona ŋkɔ teƒe sia be Meriba, si gɔmee nye “Dzrewɔtsi,” elabena afi siae Israelviwo tso ɖe Yehowa ŋu le eye Yehowa ɖee fia wo be yele kɔkɔe le woƒe ŋkume. Edom gbe be Israelviwo mato yeƒe anyigba dzi o Esi Mose nɔ Kades la, eɖo amewo ɖe Edom fia gbɔ be, “Míawoe nye nɔviwò Israel ƒe dzidzimeviwo. Ènya ale si míaƒe ŋutinya wɔ nublanuii, ale si mía tɔgbuiwo yi Egipte, nɔ afi ma ƒe geɖewo, eye wozu kluviwo na Egiptetɔwo. Ke esi míedo ɣli na Yehowa la, ese míaƒe kokoƒoƒo, eye wòɖo mawudɔla aɖe ɖa wòva kplɔ mí dzoe le Egipte. “Fifia míele Kades. Míeƒu asaɖa anyi ɖe wò liƒo dzi. Míeɖe kuku ɖe mɔ na mí míato wò anyigba dzi. Míakpɔ nyuie be míato miaƒe agblewo kple waingblewo me o. Míano tsi tso miaƒe vudowo me hã o. Míanɔ mɔ gã la dzi ko tẽe. Míadzo le mɔ gã la dzi o va se ɖe esime míado go le wò anyigba dzi.” Ke Edom fia gblɔ na wo be, “Migaɖo afɔ nye anyigba dzi o! Ne mietee kpɔ be yewoaɖo afɔ nye anyigba dzi la, nye aʋakɔ akpe aʋa kpli mi!” Israelviwo ƒe ame dɔdɔwo yi edzi be, “Fia bubutɔ, mɔ gã la dzi ko míanɔ. Ne míano tsi tso miaƒe vudo me gɔ̃ hã la, míaxe fe ɖe sia ɖe si nàbia la ɖe eta. Ale si míatso eme ayi ko biam míele; míegale nu bubu aɖeke biam o.” Edom fia gbe gbidigbidi gblɔ na wo be, “Migage ɖe nye anyigba dzi o.” Ena aʋakɔ gã aɖe ƒu asaɖa anyi ɖe eƒe liƒo dzi. Esi Edom gbe be womato yeƒe anyigba dzi o ta la, Israelviwo glɔ̃ mɔ to Edom ŋu. Aron ƒe ku Israelviwo ƒe ha blibo la ho, dze mɔ tso Kades, eye wova ɖo Hor to la gbɔ. Le Hor to la gbɔ, teƒe si te ɖe Edom ƒe liƒo ŋu la, Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, “Azã la su be Aron naku, elabena made anyigba, si metsɔ na Israelviwo la dzi o, le esi mi ame evea mietsi tsitre ɖe nye ɖoɖowo ŋu tso tsi si le Meriba ŋu la ta. Azɔ, kplɔ Aron kple via Eleazar yi Hor to la dzi. Ɖe Aron ƒe nunɔlawuwo le eŋuti, eye nàdo wo na via, Eleazar. Aron aku ɖe afi ma.” Ale Mose wɔ nu si Yehowa ɖo nɛ. Wo ame etɔ̃ la wolia Hor to la esi ameawo katã nɔ wo kpɔm. Esi woɖo toa tame la, Mose ɖe nunɔlawuawo le Aron ŋu, eye wòtsɔ wo do na Aron ƒe viŋutsu Eleazar. Aron ku ɖe to la tame. Mose kple Eleazar trɔ gbɔ, eye esi ameawo se be Aron ku la, Israelviwo fae ŋkeke blaetɔ̃. Israelviwo gbã Arad Arad fia, tso Kanaanyigba dzi ƒe ŋkutsalawo to mɔ ɖeka kple Israelviwo. Esi Arad fia se be Israelviwo to Atarim mɔ gbɔna la, eho aʋa ɖe Israelviwo ŋu, eye wòɖe aboyo woƒe ame aɖewo. Israelviwo ɖe adzɔgbe na Yehowa be, ne ana yewoaɖu Arad fia kple eƒe amewo dzi la, yewoagbã du siwo katã le afi ma la gudugudu. Yehowa se woƒe kokoƒoƒo, eye wòna woɖu Kanaantɔwo dzi. Israelviwo gbã woƒe duwo gudugudu. Wona ŋkɔ teƒe ma tso ɣe ma ɣi be, “Horma” si gɔmee nye “Afi si wogbã duwo le gudugudu.” Akɔblida la Israelviwo trɔ yi Hor to la dzi, eye woɖo ta anyigbeme lɔƒo to mɔ si ɖo ta Ƒu Dzĩ la gbɔ la dzi be yewoaƒo xlã Edomnyigba. Nu sia ɖe dzi le Israelviwo ƒo ŋutɔ. Wode asi liʋĩliʋĩlilĩ me ɖe Mawu kple Mose ŋu be, “Nu ka ta miekplɔ mí dzoe le Egipte be míava ku ɖe gbedzi le afi sia? Naneke mele afi sia míaɖu o, tsi meli míano o, mana sia hã va ti mí azɔ.” Ale Yehowa dɔ da vɔ̃ɖiwo ɖe Israelviwo dome woɖu ame geɖewo, eye woku. Ameawo va Mose gbɔ hedo ɣli be, “Míewɔ nu vɔ̃, elabena míeƒo nu tsi tsitre ɖe wò kple Yehowa ŋu. Ɖe kuku na Yehowa na mí be wòaɖe dawo ɖa.” Ale Mose do gbe ɖa ɖe ameawo ta. Yehowa gblɔ na Mose be, “Tsɔ akɔbli nàwɔ nu si aɖi da siawo dometɔ ɖeka la da ɖe ati tutu aɖe tame. Ame sia ame si da aɖu la, ne ekpɔ akɔblida la ko la, atsi agbe!” Ale Mose wɔ akɔblida la, eye wòkɔe tɔ ɖe ati si wotu la nu. Ne da ɖu ame aɖe, eye wòwu mo dzi kpɔ akɔblida la ko la, etsia agbe. Mɔzɔzɔ yi Moab Israelviwo tso afi sia yi Obot. Woƒu asaɖa anyi ɖe afi ma. Tso Obot la, woyi Iye Abarim le gbedzi afi si te ɖe Moab ƒe ɣedzeƒe ŋu. Woƒu asaɖa anyi ɖe Zered tɔʋu la ƒe balime. Wotso eme yi Arnon tɔsisi la ƒe akpa kemɛ si te ɖe Amoritɔwo ƒe liƒo ŋu. Arnon tɔsisi lae nye liƒo le Moabtɔwo kple Amoritɔwo dome. Eya ta woŋlɔ ɖe Yehowa ƒe Aʋawɔwɔwo ƒe Agbalẽ la me be, Zahad le Sufa kple Arnon tɔsisi la, tɔʋu la me tsi, si ɖo ta Ar nutowo me eye wòdo liƒo na Moabtɔwo. Tso afi sia la, Israelviwo zɔ mɔ yi Beer. Ŋkɔ sia gɔmee nye “Vudo.” Afi siae Yehowa gblɔ na Mose le be, “Ƒo ameawo nu ƒu, eye mana tsi wo.” Israel dzi ha be, “Dzi tsi, O vudo! Midzi ha tso tsi la ŋu! Esiae nye vudo si amegãwo kple dukɔ la ƒe bubumewo tsɔ woƒe atikplɔwo kple woƒe atizɔtiwo ɖee la.” Wodzo le gbegbe la, eye woto Matana, Nahaliel kple Bamot, eye woyi balime si le Moab ƒe togbɛwo te, afi si gbegbe la kple Pisga to dzena le tso adzɔge. Azɔ la, Israelviwo ɖo ame dɔdɔwo ɖe Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia gbɔ. Woɖe kuku na fia la be, “Na míato wò anyigba dzi ayi. Míadze ato agblewo alo wainbɔwo me o, eye míele vudometsi hã no ge o. Míale mɔ gã la tẽ va se ɖe esime míatso wò anyigba me ayi.” Fia Sixɔn gbe mɔɖeɖe na Israel be wòato eƒe anyigba dzi ayi o. Sixɔn ƒo eƒe aʋakɔ blibo la nu ƒu eye wòho aʋa ɖe Israel ŋu le gbedzi esi woɖo Yahaz. Israelviwo ɖu wo dzi, eye woxɔ woƒe anyigba tso Arnon tɔsisi la ŋu va se ɖe Yabok tɔsisi la ŋu, heyi ɖe Amonitɔwo ƒe liƒo dzi. Israelviwo megate ŋu yi ŋgɔ wu afi sia o, elabena Amoritɔwo, ame siwo nye Lot ƒe dzidzimeviwo la nye aʋawɔla sesẽwo. Israelviwo xɔ Amoritɔwo ƒe duwo katã, eye wonɔ wo me; Hesbon kple kɔƒe siwo ƒo xlãe la hã nɔ eme. Hesbon nye Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia ƒe du. Sixɔn wɔ aʋa kple Moabtɔwo ƒe fia xoxo la, eye wòxɔ eƒe anyigba katã yi keke Arnon. Eya ta hakpala la gblɔ be, “Va Hesbon, eye nàna woagbugbɔe atu, na woagbugbɔ Sixɔn ƒe du la aɖo te. “Elabena dzo do tso Hesbon, dzo ƒe aɖewo tso Sixɔn ƒe du me. Fia Moab ƒe Ar, Arnon ƒe todzitɔwo, baba na wò, O Moab! Wotsrɔ̃ mi, Kemostɔwo! Ena via ŋutsuwo zu sisilawo, eye via nyɔnuwo zu aboyomewo na Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia. “Ke míawo míeɖu wo dzi wotsrɔ̃ Hesbon yi keke Dibon míegbã wo yi keke Nofa, yi kekeke Medeba.” Ale Israelviwo nɔ Amoritɔwo ƒe anyigba dzi. Esime Mose ɖo ŋkutsalawo ɖe Yazer megbe la, Israelviwo xɔ du sue siwo ƒo xlãe, eye wonya Amoritɔwo, ame siwo nɔ afi ma la le woƒe anyigba la dzi. Le esia megbe la, wotrɔ ɖe Basab du la ŋu. Ke Ɔg, Basan fia, kpe aʋa kpli wo le Edrei. Yehowa gblɔ na Mose be, “Mègavɔ̃e o, elabena matsɔ eya ŋutɔ kple eƒe aʋakɔ blibo la kpakple eƒe anyigba la ade asi na wò; eye nawɔe abe ale si nèwɔ fia Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia le Hesbon ene.” Eva eme nenema tututu. Israel ɖu dzi. Wowu Ɔg, Basan fia, via ŋutsuwo kple eteviwo ale gbegbe be aʋawɔlawo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã metsi agbe o. Ale Israelviwo xɔ anyigba la. Balak ɖo du ɖe Balaam Israelviwo zɔ mɔ azɔ yi Moab tagba, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo le Yeriko kasa. Azɔ la, Balak, Zipɔr ƒe viŋutsu kpɔ nu si Israelviwo wɔ Amoritɔwo, eye vɔvɔ̃ ɖo Moab, elabena ameawo sɔ gbɔ ŋutɔ. Nyateƒe, dzidzi ƒo Moab le Israelviwo ŋu. Wowɔ takpekpe kple Midiantɔwo ƒe kplɔlawo enumake. Wogblɔ be, “Ameha gã sia aɖu mí abe ale si nyitsu ɖua gbe ene.” Ale Balak, Zipɔr ƒe vi, ame si nye Moab fia ɣe ma ɣi la, ɖo amewo ɖa be woayɔ Balaam, Beor ƒe viŋutsu, ame si nɔ Petor, afi si te ɖe tɔsisi la ŋu vɛ. Balak gblɔ be, “Dukɔ aɖe tso Egipte; wotsyɔ anyigba ŋkume, eye wole teƒe aɖe si te ɖe ŋunye. Azɔ la, va nàƒo fi ade ame siawo, elabena wosẽ akpa na mí. Ekema, ɖewohĩ, mate ŋu aɖu wo dzi, eye manya wo dzoe le anyigba la dzi. Elabena menya be ame siwo nèyrana la kpɔa yayra, eye ame siwo nèƒoa fi dena la kpɔa fiƒode.” Ame siwo wòdɔ ɖo ɖe Balaam gbɔ la woe nye, Moabtɔwo kple Midiantɔwo ƒe ametsitsiwo. Wotsɔ ga ɖe asi yi na Balaam, eye woɖe nu si Balak di be wòawɔ na ye la me nɛ nyuie. Balaam gblɔ na wo be, “Mitsi afi sia dɔ. Etsɔ ŋdi la, magblɔ nu sia nu si Yehowa agblɔ nam be magblɔ la na mi.” Ale wotsi afi ma dɔ. Le zã me la, Mawu va Balaam gbɔ, eye wòbiae be, “Ame kawoe nye ame siawo?” Balaam ɖo eŋu na Mawu be, “Wotso Balak, Moab fia gbɔ. Fia la gblɔ be, ameha gã aɖe tso Egipte va ɖo yeƒe anyigba ƒe liƒo dzi, eye wòdi be mayi enumake aɖaƒo fi ade wo na ye, ale be yeate ŋu awɔ aʋa kpli wo, aɖu wo dzi.” Mawu gblɔ na Balaam be, “Mègayi ɖaƒo fi de wo o, elabena meyra wo xoxo!” Esi ŋu ke la, Balaam gblɔ na Balak ƒe ameawo be, “Mitrɔ dzo! Yehowa meɖe mɔ nam be mawɔ nu si miaƒe fia di be mawɔ o.” Ale Fia Balak ƒe ame dɔdɔwo trɔ dzo, Balaam medze wo yome o. Esi woka nya la ta na Balak la, egadɔ amewo ɖe Balaam. Eƒe ame dɔdɔwo sɔ gbɔ azɔ, eye wonye ame ŋkutawo wu ame dɔdɔ gbãtɔwo. Woyi Balaam gbɔ, eye wogblɔ nɛ be, “Esiae nye nya si Balak, Zipɔr ƒe viŋutsu gblɔ, ‘Mègana naneke naxe mɔ na wò be màva gbɔnye o, elabena maxe fe na wò nyuie, eye mawɔ nu sia nu si nàgblɔ nam be mawɔ. Va, nàƒo fi ade ame siawo nam.’ ” Ke Balaam ɖo eŋu be, “Ne Balak tsɔ fiasã si klosalo kple sika yɔ gɔ̃ hã anam la, nyemate ŋu awɔ naneke si atsi tsitre ɖe Yehowa, nye Mawu ƒe gbeɖeɖe ŋu o. Mitsi afi sia dɔ ale be makpɔe ɖa be Yehowa agatsɔ nane akpe ɖe nya si wògblɔ nam zi gbãtɔ la ŋu mahã.” Le zã me la, Mawu gblɔ na Balaam be, “Fɔ, nàyi kple ame siawo, ke kpɔ nyuie be, nàgblɔ nu si magblɔ na wò be nàgblɔ la ko.” Balaam ƒe tedzi Ale le ŋdi la, Balaam lia eƒe tedzi dzi, eye wòdze ameawo yome. Ke Mawu do dɔmedzoe ŋutɔ esi Balaam yina, eye Yehowa ƒe dɔla tsi tsitre ɖe mɔa dzi be yeatsi tsitre ɖe eŋu. Ke Balaam nɔ eƒe tedzi dzi, eye eƒe subɔla eve nɔ eŋu. Esi tedzi la kpɔ Yehowa ƒe dɔla wòtsi tsitre ɖe mɔa dzi, eye yi le esi la, edzo le mɔa dzi yi gbe me. Balaam ƒoe be wòatrɔ ayi mɔ la dzi. Azɔ la, mawudɔla la tsi tsitre ɖe afi si mɔ la to waingble eve ƒe glikpɔwo dome le. Esi tedzi la kpɔe wònɔ tsitre ɖe afi ma la, edze nɛ to glikpɔ ɖeka ŋu tututu, eye wòna Balaam ƒe afɔwo lili ɖe glikpɔ la ŋu. Ale Balaam gaƒoe. Mawudɔla la gayi ɖatsi tsitre ɖe teƒe aɖe, afi si mɔa xaxa le ale gbegbe be tedzi la magate ŋu ato exa kura o. Ale tedzi la tsyɔ akɔ anyi ɖe mɔ la dzi. Balaam do dɔmedzoe vevie, eye wòƒo tedzi la kple eƒe atikplɔ. Tete Yehowa na be tedzi la nate ŋu aƒo nu. Tedzi la bia Balaam be, “Nu ka mewɔ si na be nàƒom zi etɔ̃?” Balaam do ɣli ɖe tedzi la ta be, “Elabena èdo lãm! Ɖe yi aɖe anɔ asinye hafi; anye ne mawu wò.” Tedzi la gabiae be, “Ɖe mewɔ nu sia tɔgbi aɖe kpɔ le nye agbenɔnɔ blibo mea?” Balaam ɖo eŋu be, “Ao.” Tete Yehowa ʋu Balaam ƒe ŋkuwo. Ekpɔ mawudɔla la wòtsi tsitre ɖe mɔa dzi, eye wòlé yi ɖe asi. Enumake Balaam mlɔ anyigba le mawudɔla la ŋkume. Mawudɔla la bia Balaam be, “Nu ka ta nèƒo wò tedzi la zi etɔ̃? Meva be mana màgawɔ nu si nèdi be yeawɔ o, elabena èɖo ta tsɔtsrɔ̃ me. Wò tedzi la kpɔm zi etɔ̃, eye wòte ɖa le gbɔnye zi etɔ̃. Ne menye ɖe wòdze nam o la, anye ne mewu wò xoxo, ke mana eya natsi agbe.” Balaam ʋu eme na mawudɔla la be, “Mewɔ nu vɔ̃. Nyemenya be ènɔ afi ma o. Ne mèdi be magayi nye mɔzɔzɔ la dzi o la, matrɔ ayi aƒe.” Mawudɔla la gblɔ nɛ be, “Yi kple ameawo, gake nàgblɔ nu si meɖo na wò be nàgblɔ la ko.” Ale Balaam yi kple Balak ƒe ameawo. Esi Fia Balak se be Balaam gbɔna la, edzo le eƒe fiadu la me, eye wòyi be yeakpee le Arnon tɔsisi la gbɔ le eƒe anyigba ƒe liƒo dzi. Balak bia Balaam be, “Nu ka ta nètsi anyi wòdidi alea hafi nèva ɖo? Medo ŋugbe na wò be made bubu gã ŋuwò. Ɖe mèxɔe se oa?” Balaam ɖo eŋu na Balak be, “Meva, gake ŋusẽ mele asinye be magblɔ nya aɖeke o, negbe esi Mawu ɖo nam be magblɔ la ko, eye eya koe nye nya si magblɔ.” Balaam kple Balak dze fia la yome yi Kiriat Huzot. Fia Balak tsɔ nyitsuwo kple alẽwo sa vɔe le afi ma, eye wòtsɔ lãwo na ame dɔdɔwo kple Balaam hena woawo hã ƒe vɔsawo. Esi ŋu ke ŋdi la, Fia Balak kplɔ Balaam yi Bamɔt Baal to la dzi, afi si Balaam ate ŋu akpɔ Israelviwo wogbagba ɖe anyigba la me le eŋkume le. Balaam ƒe nyagblɔɖi gbãtɔ Balaam gblɔ na Fia Balak be, “Tu vɔsamlekpui adre ɖe afi sia, eye nàdi nyitsuvi adre kple agbo adre na vɔsawo.” Balak wɔ ɖe Balaam ƒe ɖoɖowo dzi, eye wòtsɔ nyitsuvi ɖeka kple agbo ɖeka sa vɔe ɖe vɔsamlekpuiawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi. Balaam gblɔ na Balak be, “Nɔ afi sia le wò numevɔsa gbɔ esime meɖe kpɔ. Ɖewohĩ Yehowa ava do gom. Nu sia nu si wòaɖe afiam la, magblɔe na wò.” Ale wòyi togbɛ ƒeƒle aɖe dzi. Mawu do goe, eye Balaam gblɔ nɛ be, “Metu vɔsamlekpui adre, eye metsɔ nyitsu ɖeka kple agbo ɖeka sa vɔe ɖe vɔsamlekpui ɖe sia ɖe dzi.” Yehowa gblɔ nya aɖe na Balaam be wòagblɔ na Fia Balak. Esi Balaam trɔ gbɔ la, fia la kple Moab fiaviwo katã wonɔ tsitre ɖe numevɔsawo gbɔ. Nya siwo Balaam gblɔ la woe nye: “Fia Balak, Moabtɔwo ƒe fia, kplɔm tso Aramnyigba dzi, tso ɣedzeƒetowo dzi hegblɔ nam be. ‘Va, nàƒo fi ade Yakob nam! Eye va nàdo ɖiŋu na Israel nam. Wò dɔmedzoe nabi ɖe Israel ŋu.’ Ke ame siwo Mawu meƒo fi de o la, aleke nye ya maƒo fi ade woe? Ame siwo gbɔ Yehowa megbe nu le o la, aleke nye ya magbe nu le wo gbɔe? Mele wo kpɔm tso agakpe tame. Melé ŋku ɖe wo ŋu tso togbɛwo dzi, wole wo ɖokui si, nye dukɔ tɔxɛ aɖe. Si mebua eɖokui kple dukɔ bubuwo o. Ame ka ate ŋu axlẽ Yakob ƒe ʋuʋudedi, alo axlẽ Israel ƒe akpa enelia? Na maku ame dzɔdzɔe ƒe ku, eye nye nuwuwu nanɔ abe wo tɔ ene!” Fia Balak bia Balaam be, “Ao! Nu kae nye esi nèwɔm? Mebe nàƒo fi ade nye futɔwo nam, ke kpɔ ɖa, èyra wo boŋ!” Balaam ɖo eŋu be, “Ɖe mate ŋu agblɔ nya aɖe ne Yehowa megblɔe nam be magblɔ oa?” Balaam ƒe nyagblɔɖi evelia Balak gblɔ nɛ be, “Va míyi teƒe bubu. Le afi ma la, àkpɔ Israel dukɔ la ƒe akpa aɖe ko. Ƒo fi de ame mawo ɖeɖe ko nam!” Ale Fia Balak kplɔ Balaam yi Zofim gbedzi le Pisga to la tame. Etu vɔsamlekpui adre ɖe afi ma, eye wòtsɔ nyitsuvi ɖeka kple agbo ɖeka sa vɔe ɖe vɔsamlekpuiawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi. Balaam gblɔ na Balak be, “Tsi tsitre ɖe afi sia, ɖe wò numevɔsa la gbɔ ne mayi aɖado go Yehowa.” Yehowa do go Balaam, eye wòde nya asi nɛ be, “Trɔ yi Balak gbɔ nàgblɔ nya sia nɛ.” Balaam trɔ va afi si Moab fia kple Moab fiaviŋutsuwo le tsitre ɖe woƒe numevɔsawo gbɔ le. Balak bia enumake be, “Nya ka Yehowa gblɔ?” Balaam ɖo eŋu be, “Balak, Tsi tsitre eye nàsee: Ɖo tom, wò Zipɔr ƒe vi. Mawu menye amegbetɔ, aka aʋatso o. Metrɔa eƒe tameɖoɖo. Abe amegbetɔwo ene o. Ɖe wòdo ŋugbe kpɔ gbe edziwɔwɔa? Kpɔ ɖa, Mawu ɖe gbe nam be mayra Israelviwo. Mawu ŋutɔ yra wo xoxo, nyemate ŋu aklo yayra sia ɖa o! “Mekpɔ nu vɔ̃ le Yakob me o: mawɔ funyafunya Israel o! Yehowa, woƒe Mawu la li kpli wo. Eye dzidzɔɣli le wo nu, eyae nye woƒe fia! Mawu kplɔ wo tso Egipte; Israel sẽ abe to ene. Fiƒode aɖeke mate ŋu anɔ Yakob dzi o, dzoka maɖi Yakob ŋu o. Ne wosa vɔ kɔ ɖe Israelviwo dzi hã la, maɖi wo ŋu akpɔ o, elabena woagblɔ le Israel ŋu azɔ be, ‘Mawu wɔ nu gãwo na wo! Ame siawo tsi tsitre abe dzatanɔ ene; womamlɔ anyi o. Va se ɖe esime woaɖu nu si wolé. Eye woano nu si wolé la ƒe ʋu!’ ” Balak blu ɖe Balaam ta be, “Ne mànya ƒo fi ade wo o ko la, ekema mègayra wo hã o!” Balaam ɖo eŋu be, “Ɖe nyemegblɔe na wò be nya sia nya si Yehowa agblɔ nam be magblɔ la ko wòle be magblɔ oa?” Balaam ƒe nyagblɔɖi etɔ̃lia Balak gagblɔ na Balaam le eƒe nyagblɔɖi etɔ̃lia ŋu be, “Makplɔ wò agayi teƒe bubu aɖee. Ɖewohĩ adze Mawu ŋu be wòana nàƒo fi ade wo tso afi ma azɔ.” Ale Fia Balak kplɔ Balaam yi Peor to la dzi le gbegbe la tame. Balaam gagblɔ na Balak be wòatu vɔsamlekpui adre, eye wòatsɔ nyitsuvi adre kple agbo adre asa vɔe. Balak wɔ nu si Balaam ɖo nɛ la, eye wòtsɔ nyitsuvi ɖeka kple agbo ɖeka sa vɔe ɖe vɔsamlekpuiawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi. Balaam dze sii azɔ be edze Yehowa ŋu be yeayra Israel, eya ta megayi ɖaka nu abe ale si wòwɔna tsã la ene o, ke boŋ edze ŋgɔ gbegbe la. Esi Balaam kpɔ eŋgɔ la, ekpɔ Israelviwo woƒu asaɖa anyi ɖe woƒe to vovovoawo me. Tete Mawu ƒe Gbɔgbɔ ɖiɖi ɖe edzi, eye wògblɔ nya ɖi be, “Balaam, Beor ƒe viŋutsu gblɔ be: ame si kpɔa nu nyuie la ƒe nyagblɔɖi, ame si sea Mawu ƒe nya la ƒe nyagblɔɖi, ame si xɔa ɖeɖefia tso Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ, ame si tsyɔa mo anyi, eye eƒe ŋku nɔa te la ƒe nyawo. “O! Yakob, wò agbadɔwo dzeani loo! O! Israel, wò nɔƒewo nyo! “Wokeke abe balimewo ene. Wole abe amabɔ siwo le tɔsisi to ene. Wole abe aloe si Yehowa do ene. Wole abe sedati le tɔwo to ene. Tsi asi tso woƒe tɔkpowo me. Tsi anɔ woƒe kuwo me fũu. “Woƒe fia axɔ ŋkɔ wu Agag. Woado woƒe fiaɖuƒe ɖe dzi. “Mawu kplɔ wo do goe tso Egipte. Woƒe ŋusẽ le abe to ƒe ŋusẽ ene. Wovuvu dukɔ siwo tso ɖe wo ŋu, eye woŋe woƒe ƒuwo wuliwuli heŋɔ wo kple woƒe aŋutrɔwo. Wole adeklo dzi abe dzata ene, eye abe dzatanɔ ene la, ame ka ate ŋu anyɔ wo? “Woayra ame siwo yraa wò. Eye woaƒo fi ade ame siwo ƒoa fi dea wò!” Fia Balak do dɔmedzoe vevie azɔ ɖe Balaam ŋu. Eƒo asikpe hedo ɣli be, “Meyɔ wò be nàƒo fi ade nye futɔwo, ke nèyra wo boŋ zi etɔ̃. Dzo le afi sia! Trɔ yi mia de! Medi be made bubu gã aɖe ŋuwò, ke Yehowa te wò ɖe megbe tso bubu gã sia gbɔ!” Balaam ɖo eŋu na Balak be, “Ɖe nyemegblɔe na wò ame dɔdɔwo be ne Balak tsɔ klosalo kple sika de fiasã aɖe me wòyɔ kpikpikpi nam hã la, nyemate ŋu agblẽ Yehowa ƒe nyawo ɖi agblɔ nye ŋutɔ nye nyawo oa? Megblɔ be nya si Yehowa agblɔ la ko magblɔ! “Ɛ̃, matrɔ azɔ ayi nye ŋutɔ nye amewo dome. Ke gbã la, na magblɔ nu si Israelviwo awɔ wò amewo la na wò!” Balaam ƒe nyagblɔɖi enelia Ale wògblɔ nyagblɔɖi siawo nɛ: “Balaam, Beor ƒe viŋutsue nye ame si ƒe ŋkuwo woʋu! Esea Mawu ƒe nyawo, nunya tso Dziƒoʋĩtɔ la gbɔ le esi. Ekpɔa nu si Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ɖena fianɛ. Etsyɔ mo anyi, eye eƒe ŋkuwo ʋu. “Mekpɔe le Israel ŋgɔ be, le ŋgɔgbe ʋĩi la, ɣletivi aɖe adzɔ tso Yakob me! Dziɖula sia tso Israel. Aɖu Moabtɔwo dzi; atsrɔ̃ Set ƒe viwo. Israel axɔ Edom kple Seir siaa; woaɖu woƒe futɔwo dzi. Ke Israel akpɔ ŋusẽ dziɖula atso Yakob, eye wòagbã du geɖewo.” Balaam ƒe nyagblɔɖi atɔ̃lia Balaam kpɔ Amalektɔwo ƒe aƒewo dzi ɖa, eye wògblɔ nya ɖi be, “Amalek nye gbãtɔ le dukɔwo dome tsã Ke tsɔtsrɔ̃ koe le ŋgɔ nɛ fifia!” Balaam ƒe nyagblɔɖi adelia Ekpɔ Kenitɔwo dzi ɖa hegblɔ be, “Ɛ̃, èle teƒe sesẽ aɖe, èwɔ wò atɔwo ɖe agakpewo me, ke woatsrɔ̃ mi, Kenitɔwo. Asiria fia ƒe aʋakɔ sesẽ la aɖe aboyo mi tso anyigba sia dzi!” Balaam ƒe nyagblɔɖi adrelia Ewu eƒe nyagblɔɖi la nu be, “Aléle! Ame ka ate ŋu anɔ agbe ne Mawu wɔ nu sia? Tɔdziʋuwo atso Kipro ƒuta woaɖu Eber kple Asiria dzi, ke woaɖu woawo hã dzi.” Ale Balaam kple Balak klã mɔ, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe trɔ yi wo de. Israel ŋutsuwo dze Moab nyɔnuwo yome Esime Israelviwo ƒu asaɖa anyi ɖe Sitim la, woƒe ɖekakpui aɖewo de asi ahasiwɔwɔ me kple Moab ɖetugbiwo. Ɖetugbi siawo kplɔa wo yia woƒe mawuwo ƒe vɔsawo teƒewo. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, ɖekakpuiawo megadea vɔsawo teƒewo ɖeɖe ko o, ke boŋ wodea ta agu na woƒe legbawo. Sẽe kple sẽe ko la, Israelviwo katã de asi Moabtɔwo ƒe mawu, Baal Peor subɔsubɔ me. Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe Israelviwo ŋu. Yehowa de se sia na Mose be, “Wu Israel ƒe towo katã ƒe kplɔlawo. Trɔ wo ɖe ati nu le Yehowa ŋkume le ŋdɔkutsu dzati nu ale be nye dɔmedzoe ɖe ameawo ŋu nu natso.” Ale Mose ɖe gbe na Israel ʋɔnudrɔ̃lawo be woawu ame siwo katã subɔ Baal Peor. Gbe ɖeka la, Israel ŋutsu aɖe kplɔ Midian ɖetugbi aɖe amemabumabutɔe va asaɖa la me le Mose kple ameawo katã ŋkume, esime wonɔ avi fam le Agbadɔ la ƒe ʋɔtru nu. Esi Finehas, nunɔla Eleazar ƒe viŋutsu kple nunɔla Aron ƒe tɔgbuiyɔvi kpɔ nu sia la, etso zia, tsɔ akplɔ, ƒu du ti Israel ŋutsu la yome yi eƒe agbadɔ me, afi si wòkplɔ ɖetugbi la yii. Etɔ akplɔ ŋutsu la wòto eƒe dɔ me do heŋɔ dɔme na ɖetugbi la hã. Ale dɔvɔ̃ la nu tso esime wòwu ame akpe blaeve-vɔ-ene (24,000) xoxo. Yehowa gblɔ na Mose be, “Finehas, Eleazar ƒe viŋutsu kple nunɔla Aron ƒe tɔgbuiyɔvi na nye dɔmedzoe nu tso, elabena eya hã do dɔmedzoe abe nye ke ene le nye bubu ta. Eya ta nyemagatsrɔ̃ Israel blibo la abe ale si meɖo ene o. Eya ta gblɔ nɛ be, mele nye ŋutifafa ƒe nubabla wɔm kplii. Eya kple eƒe dzidzimeviwo anɔ nubabla me kplim tso nunɔladɔwɔwɔ tegbetegbe ŋu, elabena etsi dzi ɖe eƒe Mawu ƒe bubu ŋu ele wòlé avu ɖe Israelviwo nu.” Israelvi si wowu kple Midian ɖetugbi la ŋkɔe nye Zimri si nye Salu, ame si nye Simeon ƒe to la ƒe kplɔla aɖe la ƒe viŋutsu. Ɖetugbi la ŋkɔe nye Kozbi si nye Zur, Midiantɔwo ƒe fiavi aɖe ƒe vinyɔnu. Yehowa gblɔ na Mose be, “Miwɔ Midiantɔwo abe miaƒe futɔwo ene, eye miawu wo, elabena wole mia tsrɔ̃m kple woƒe nu vɔ̃wo. Wona miele Baal subɔm, eye wona miele mɔ tram hele dɔvɔ̃ lém abe ale si miekpɔe fifi laa to Kozbi ƒe ku me ene.” Amexexlẽ evelia Esi dɔvɔ̃ la nu tso la, Yehowa gblɔ na Mose kple Eleazar, si nye nunɔla Aron ƒe viŋutsu be, “Mixlẽ Israelvi siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema ne miakpɔ ame siwo ate ŋu ayi aʋa tso to ɖe sia ɖe kple hlɔ̃ ɖe sia ɖe me.” Ale le Moab tagba, le Yɔdan gbɔ tso Yeriko, Mose kple Eleazar, nunɔla la, ƒo nu kple wo, eye wogblɔ be, “Mixlẽ ŋutsu siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene.” Woawoe nye Israelvi siwo ʋu tso Egiptenyigba dzi. Ruben nye Israel ƒe ŋgɔgbevi. Ruben ƒe viwoe nye Hanok, ame si dzi Hanok hlɔ̃ la. Palu, ame si dzi Palu hlɔ̃ la, Hezron, ame si dzi Hezron hlɔ̃ la, Karmi, ame si dzi Karmi hlɔ̃ la. Esiawoe nye Ruben ƒe hlɔ̃metɔwo; ame siwo wotia xlẽ le wo me la le ame akpe blaene-vɔ-etɔ̃, alafa adre blaetɔ̃ (43,730). Palu ƒe vie nye Eliab, eye Eliab ƒe viwoe nye Nemuel, Datan kple Abiram. Ame eve siawo, Datan kple Abiram woe nye ame siwo wɔ ɖeka kple Korah ɖe Mose kple Aron ŋu, to esia me wotsi tsitre ɖe Yehowa ŋu. Eya ta anyigba ke nu mi wo, eye dzo tso Yehowa gbɔ wu ame alafa eve blaatɔ̃ (250) wòzu ŋkuɖodzinu. Ke hã la, Korah ƒe viwo katã metsrɔ̃ o. Simeon ƒe viŋutsuwo kple hlɔ̃ siwo dzɔ tso wo me la woe nye: Nemuel, ame si dzi Nemuel hlɔ̃ la, Yamin, ame si dzi Yamin hlɔ̃ la, Yakin, ame si dzi Yakin hlɔ̃ la, Zera, ame si dzi Zera hlɔ̃ la, Saul, ame si dzi Saul hlɔ̃ la. Simeon ƒe hlɔ̃metɔwo ƒe xexlẽme le ame akpe blaeve-vɔ-eve, alafa eve (22,200). Gad ƒe viŋutsuwo kple hlɔ̃ siwo dzɔ tso wo me la woe nye: Zefon, ame si dzi Zefon hlɔ̃ la, Hagi, ame si dzi Hagi hlɔ̃ la, Suni, ame si dzi Suni hlɔ̃ la, Ozni, ame si dzi Ozni hlɔ̃ la, Eri, ame si dzi Eri hlɔ̃ la, Arɔd, ame si dzi Arɔd hlɔ̃ la, Areli, ame si dzi Areli hlɔ̃ la. Esiawoe nye Gad ƒe viŋutsuwo, ame siwo wotia xlẽ la ƒe xexlẽme le ame akpe blaene, alafa atɔ̃ (40,500). Yuda ƒe viwoe nye Er kple Onan, ame siwo ku le Kanaanyigba dzi. Yuda ƒe viŋutsuwo kple hlɔ̃ siwo dzɔ tso wo me la woe nye: Sela, ame si dzi Sela hlɔ̃ la, Perez, ame si dzi Perez hlɔ̃ la, Zera, ame si dzi Zera hlɔ̃ la, Perez ƒe viŋutsuwoe nye: Hezron, ame si dzi Hezron hlɔ̃ la; Hamul, ame si dzi Hamul hlɔ̃ la. Ame siwo wotia xlẽ le Yuda ƒe ƒome me la le ame akpe blaadre-vɔ-ade, alafa atɔ̃ (76,500). Isaka ƒe viŋutsuwo kple hlɔ̃ siwo dzɔ tso wo me woe nye: Tola, ame si dzi Tola hlɔ̃ la, Puva, ame si dzi Puva hlɔ̃ la. Yasub, ame si dzi Yasub hlɔ̃ la; Simrɔn, ame si dzi Simrɔn hlɔ̃ la. Ame siwo wotia xlẽ le Isaka ƒe hlɔ̃ me la le ame akpe blaade-vɔ-ene alafa etɔ̃ (64,300). Zebulon ƒe viŋutsuwo le woƒe towo nue nye: Sered, ame si dzi Sered hlɔ̃ la, Elon, ame si dzi Elon hlɔ̃ la, Yahlil, ame si dzi Yahlil hlɔ̃ la. Ame siwo wotia xlẽ le Zebulon ƒe ƒome me la le ame akpe blaade, alafa atɔ̃ (60,500). Yosef ƒe viwoe nye Manase kple Efraim: Manase ƒe viŋutsuwoe nye: Makir, ame si dzi Makir hlɔ̃ la (Makir dzi Gilead), eye Gilead hlɔ̃ la. Gilead ƒe viŋutsuwo kple woƒe hlɔ̃woe nye esiawo. Yezer, ame si dzi Yezer hlɔ̃ la, Helek, ame si dzi Helek hlɔ̃ la, Asriel, ame si dzi Asriel hlɔ̃ la, Sekem, ame si dzi Sekem hlɔ̃ la, Semida, ame si dzi Semida hlɔ̃ la, Hefer, ame si dzi Hefer hlɔ̃ la, (Zelofehad, medzi ŋutsuvi aɖeke o. Via nyɔnuviwo ƒe ŋkɔwoe nye Mahla, Noa, Hogla, Milka kple Tirza.) Esiawoe nye Manase ƒe hlɔ̃metɔwo, ame siwo ƒe xexlẽme le ame akpe blaatɔ̃ vɔ eve alafa adre (52,700). Efraim ƒe viŋutsuwo kple hlɔ̃ siwo dzɔ tso wo me la woe nye: Sutela, ame si dzi Sutela hlɔ̃ la, Beker, ame si dzi Beker hlɔ̃ la, Tahan, ame si dzi Tahan hlɔ̃ la. Sutela vi nye Eran, ame si dzi Eran hlɔ̃ la. Ame siawoe nye Efraim ƒe viŋutsuwo. Ame siwo wotia xlẽ la le ame akpe blaetɔ̃-vɔ-eve, alafa atɔ̃ (32,500). Esiawoe nye Yosef ƒe viwo le woƒe hlɔ̃wo nu. Benyamin ƒe viŋutsuwo kple hlɔ̃ siwo dzɔ tso wo me la woe nye: Bela, ame si dzi Bela hlɔ̃ la, Asbel, ame si dzi Asbel hlɔ̃ la, Ahiram, ame si dzi Ahiram hlɔ̃ la, Sefufam, ame si dzi Sefufam hlɔ̃ la, Hufam, ame si dzi Hufam hlɔ̃ la, Bela viwoe nye Ard kple Naaman: Ard, ame si dzi Ard hlɔ̃ la, Naaman, ame si dzi Naaman hlɔ̃ la. Esiawoe nye Benyamin ƒe hlɔ̃metɔwo, ame siwo ƒe xexlẽme nye ame akpe blaene-vɔ-atɔ̃ alafa ade (45,600). Dan viwoe nye esi le woƒe ƒome nu: Suham, ame si dzi Suham hlɔ̃ la. Esiae nye Dan ƒe hlɔ̃wo: Wo katã nye Suham hlɔ̃ si ƒe xexlẽme nye ame akpe blaade-vɔ-ene, alafa ene (64,400). Aser ƒe viŋutsuwo kple woƒe hlɔ̃woe nye: Imna, ame si dzi Imna hlɔ̃ la, Isvi, ame si dzi Isvi hlɔ̃ la, Beria, ame si dzi Beria hlɔ̃ la. Woma Beria hlɔ̃ la ɖe akpa eve me: Heber hlɔ̃ si dzɔ tso Beria ƒe viŋutsu Heber me, Malxiel hlɔ̃ si dzɔ tso Beria ƒe vi Malxiel me. Aser ƒe vinyɔnu ŋkɔe nye Sera. Ame siwo wotia xlẽ le Aser ƒe viwo ƒe hlɔ̃ me la le ame akpe blaatɔ̃-vɔ-etɔ̃, alafa ene (53,400). Naftali ƒe viŋutsuwo kple woƒe hlɔ̃woe nye: Yahzil, ame si dzi Yahzil hlɔ̃ la, Guni, ame si dzi Guni hlɔ̃ la, Yezer, ame si dzi Yezer hlɔ̃ la, Silem, ame si dzi Silem hlɔ̃ la. Ame siwo wotia xlẽ le Naftali ƒe hlɔ̃ me la nye ame akpe blaene-vɔ-atɔ̃, alafa ene (45,400). Ale Israel ŋutsu siwo katã ate ŋu ade aʋa la de ame akpe alafa ade kple ɖeka, alafa adre blaetɔ̃ (601,730). Azɔ Yehowa gblɔ na Mose be, “Wòama anyigba la ɖe to vovovoawo dome le toawo me tɔwo ƒe agbɔsɔsɔ nu, abe ale si amexexlẽ la fia ene. To siwo me amewo sɔ gbɔ le la, woaxɔ anyigba wòalolo, eye to siwo me amewo mesɔ gbɔ le o la ƒe anyigba nanɔ sue. Yehowa ɖo na Mose be, Kpɔ egbɔ be yewodzidze nu hafi ma anyigba la, eye woaxɔ domenyinu ɖe wo fofowo ƒe towo ƒe ŋkɔ nu. Woama domenyinu ɖe sia ɖe to akɔdada me ɖe to gãwo kple to suewo siaa dome.” Levi ƒe viwo ƒe hlɔ̃ siwo me woxlẽ ame le le amexexlẽa me la kple ame siwo me wodzɔ tso la woe nye: Gerson dzi Gerson hlɔ̃; Kohat dzi Kohat hlɔ̃; Merari dzi Merari hlɔ̃. Levi ƒomea me tɔwoe nye, Libni ƒomea, Hebroni ƒomea, Mahli ƒomea, Musi ƒomea kple Korah ƒomea. (Kohat nye Amram tɔgbui. Amram srɔ̃ ŋkɔe nye Yohebed, Levi ƒe dzidzimevi, ame si wòdzi na Levi ƒe viwo le Egipte. Aron ƒe viŋutsuwoe nye Nadab, Abihu, Eleazar kple Itamar. Nadab kple Abihu woku esi wodo dzudzɔ makɔmakɔ na Yehowa.) Levi ƒe vi siwo katã woxlẽ wonye ŋutsuwo, eye woxɔ ɣleti ɖeka alo wu nenema la de ame akpe blaeve-vɔ-etɔ̃ (23,000). Ke womebu Levi ƒe viwo de Israelviwo ƒe amexexlẽ ƒe nukpɔkpɔ blibo la me o, elabena womena anyigba Levi ƒe viwo esi woma anyigba ɖe toawo dome o. Ale esiae nye Israelvi siwo Mose kple nunɔla Eleazar tia xlẽ le Moab gbegbe le Yɔdan tɔsisi la to le Yeriko kasa. Wo dometɔ ɖeka gɔ̃ hã menɔ ame siwo Mose kple nunɔla Eleazar xlẽ esime woxlẽ Israelviwo le Sinai gbegbe la dome o. Elabena Yehowa gblɔ na Israelvi mawo be, woaku godoo le gbegbe la; wo dometɔ aɖeke mesusɔ o, negbe Kaleb, Yefune ƒe viŋutsu kple Yosua, Nun ƒe viŋutsu. Zelofehad ƒe vinyɔnuwo Zelofehad, Hefer ƒe vi, Gilead ƒe vi, Makir ƒe vi, Manase ƒe vi, tso Manase, ame si nye Yosef ƒe vi la ƒe ƒome me. Zelofehad ƒe vinyɔnuwo ƒe ŋkɔwoe nye Mahla, Noa, Hogla, Milka kple Tirza. Gbe ɖeka la, Zelofehad ƒe vinyɔnu siawo yi agbadɔ la ƒe mɔnu, eye wotsi tsitre ɖe Mose, nunɔla Eleazar, ameha blibo la ƒe kplɔlawo ŋkume, eye wogblɔ be, “Mía fofo ku le gbedzi. Enɔ Korah yomedzelawo dome, ame siwo bla nu, eye wotsi tsitre ɖe Yehowa ŋu, ke eku ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ ta, eye megblẽ viŋutsu aɖeke ɖe megbe o. Nu ka ta mía fofo ƒe ŋkɔ nabu le eƒe hlɔ̃ me, elabena viŋutsu menɔ esi o? Na domenyinui ɖe mía fofowo ƒe ƒometɔwo dome.” Mose tsɔ woƒe nya la da ɖe Yehowa ŋkume, eye Yehowa gblɔ nɛ be, “Nya si gblɔm Zelofehad ƒe vinyɔnuwo le la le eteƒe. Ele be miana domenyinu wo ɖe wo fofowo ƒe ƒometɔwo dome, eye miatsɔ wo fofowo ƒe domenyinu ana wo. “Gawu la, gblɔ na Israelviwo be, ‘Ne ame aɖe ku, eye viŋutsu aɖeke menɔ esi o la, ekema eƒe domenyinu ayi via nyɔnuwo ƒe asi me. Ne vinyɔnu aɖeke menɔ esi o hã la, ekema eƒe domenyinu ayi nɔvia ŋutsu ƒe asi me. Ne nɔviŋutsu aɖeke hã menɔ esi o la, ekema eƒe domenyinu ayi fofoa nɔviŋutsu gbɔ. Ke ne fofoa nɔviŋutsu aɖeke meli o la, woatsɔe ana eƒe ƒometɔ tututu aɖe. Esia nanye se kple ɖoɖo na Israelviwo, abe ale si Yehowa de se na Mose ene.’ ” Wotia Yosua be wòaxɔ ɖe Mose teƒe Gbe ɖeka la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Yi Abarim to dzi, eye nàkpɔ anyigba si metsɔ na Israelviwo la ɖa to tɔsisi la dzi. Ne èkpɔe vɔ megbe la, àku abe nɔviwò Aron ene, elabena ètsi tsitre ɖe nye ɖoɖo ŋu le Zin gbedzi. Esime Israel dze aglã ɖe ŋunye la, mède bubu ŋunye le wo ŋkume to nye ɖoɖowo dzi wɔwɔ me, aɖe gbe, tsi nado to agakpe la me o.” (Yehowa nɔ nu ƒom tso nya si dzɔ le Meriba, Dzreteƒe, le Kades, le Zin gbedzi la ŋu.) Mose gblɔ na Yehowa be, “O! Yehowa, amegbetɔƒome la katã ƒe gbɔgbɔwo ƒe Mawu, meɖe kuku, hafi madzo le xexea me la, tia kplɔla bubu na ameawo, ame si akplɔ wo ayi aʋa, eye wòakpɔ wo dzi, ale be Yehowa ƒe amewo manɔ abe alẽha si nu kplɔla aɖeke mele ene o.” Yehowa ɖo eŋu be, “Yi nàkplɔ Yosua, Nun ƒe viŋutsu, ame si me Gbɔgbɔ la le la, yi nunɔla Eleazar gbɔ, eye nàtsɔ ameawo kpɔkplɔ de esi le ameawo katã ŋkume. Ɖe wò amekpɔkplɔ ƒe ŋusẽ da ɖe edzi ale be Israelviwo katã naɖo toe. Ele be wòayi nunɔla Eleazar gbɔ, eye wòaxɔ ɖoɖowo tso Yehowa gbɔ. Yehowa agblɔ nu si woawɔ la na Eleazar to akɔdada kple ‘Urim’ me, eye Eleazar agblɔ Mawu ƒe ɖoɖowo na Yosua kple Israel dukɔ la. Yehowa ayi wo kpɔkplɔ dzi le mɔ sia nu.” Mose zɔ ɖe Yehowa ƒe ɖoɖowo nu, eye wòkplɔ Yosua yi nunɔla Eleazar gbɔ. Le ha blibo la ŋkume la, Mose da asi ɖe Yosua dzi, eye wòtsɔ eƒe dɔdeasiwo de asi nɛ abe ale si Yehowa ɖo nɛ ene. Gbe sia gbe ƒe vɔsawo Yehowa gblɔ na Mose be, “De se sia na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Mikpɔ egbɔ be, le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi la, mietsɔ nye nuɖuɖu si nye dzovɔsa, si nye nu si ʋẽna lĩlĩlĩ, eye wòdzea ŋunye la nam.’ Ne miedi be yewoasa dzovɔ nam la, miwɔ alẽvi siwo xɔ ƒe ɖeka, eye wode blibo le go ɖe sia ɖe me la ŋu dɔ. Woatsɔ alẽvi eve asa vɔe nam gbe sia gbe. Woatsɔ alẽvi ɖeka asa vɔe le ŋdi me, eye woatsɔ evelia asae le fiẽ me. Woatsɔ nuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee kilogram ɖeka si wobaka kple ami lita ɖeka. Esia nye dzovɔsa si meɖo na mi le Sinai to la dzi be miatsɔ wo nam le ɣeyiɣi ɖoɖoawo dzi, wòanye dzovɔ si wosa na Yehowa, eye wòʋẽna lĩlĩlĩ. Woatsɔ nunovɔsanu, si nye wain sesẽ lita ɖeka la akpe ɖe alẽvi ɖe sia ɖe ŋu. Woatrɔ wain la le kɔkɔeƒe le Yehowa ŋkume. Mitsɔ alẽvi evelia sa vɔe le fiẽ me, eye miatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ma ke akpe ɖe eŋu. Esia hã nye dzovɔsa si ʋẽna lĩlĩlĩ la na Yehowa. Sabat ƒe vɔsawo “Le Dzudzɔgbe la dzi la, tsɔ alẽvi eve siwo xɔ ƒe ɖeka, eye wode blibo le go ɖe sia ɖe me la sa vɔe kpe ɖe eƒe nunovɔsa kple nuɖuvɔsa ŋu. Nuɖuvɔsa la nanye wɔ memee lita ene kple afã si wobaka kple ami. Esia nye Dzudzɔgbe ɖe sia ɖe ƒe numevɔsa hekpe ɖe gbe sia gbe ƒe numevɔsa kple nunovɔsa ŋu.” Ɣleti sia ɣleti ƒe vɔsawo “Hekpe ɖe esiawo ŋuti la, le ɣleti ɖe sia ɖe ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, woagasa numevɔ bubu na Yehowa kpe ɖe esi wosana gbe sia gbe la ŋu. Woasa vɔ sia kple nyitsuvi eve, agbo ɖeka kple agbovi adre, siwo xɔ ƒe ɖeka. Lã siawo dometɔ ɖe sia ɖe nanye lã si de blibo le go ɖe sia ɖe me. Nu siwo woatsɔ akpe ɖe vɔsalã siawo ŋu lae nye: wɔ memee lita ade kple afã, si wobaka kple ami lita ene kple afã abe nuɖuvɔsa ene kpe ɖe nyitsu ɖe sia ɖe ŋu; wɔ memee kilogram eve si wobaka kple ami kilogram eve abe nuɖuvɔsa ene nazɔ kple agbo la, eye woatsɔ wɔ memee si wobaka kple ami lita eve abe nuɖuvɔsa ene la akpe ɖe alẽvi ɖe sia ɖe ŋu. Woame vɔsa sia; ado dzidzɔ na Yehowa ŋutɔ. Woatsɔ nunovɔsa si nye wain lita eve la akpe ɖe nyitsu la ŋu, atsɔ lita ɖeka kple afã akpe ɖe agbo la ŋu, eye woatsɔ lita ɖeka akpe ɖe agbovi ɖe sia ɖe ŋu. Esiae nye nunovɔsa si woawɔ ɣleti sia ɣleti to ƒe blibo la me. Ŋutitotoŋkekenyui la “Emegbe la, le ɣleti ɖe sia ɖe ƒe ŋkeke gbãtɔa gbe la, miana gbɔ̃tsu ɖeka hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa na Yehowa. Esia akpe ɖe gbe sia gbe ƒe numevɔsa kple nunovɔsa si miesana la ŋuti. “Woaɖu Yehowa ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia gbe le ƒe ɖe sia ɖe me. Miaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la atsɔ ɖo ŋku gbe si gbe mawudɔla la dze to Israelviwo ƒe viŋutsu gbãtɔwo ŋu, eye mewu wo o la dzi. Ne ŋu ke la, ŋkeke adre ƒe dzidzɔŋkekenyui aɖe adze egɔme, ke womaɖu abolo ʋaʋã aɖeke o. Le ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe la, àƒo ameawo nu ƒu hena mawusubɔsubɔ, eye miawɔ dɔ aɖeke o. Miatsɔ nyitsuvi eve, agbo ɖeka kple agbovi adre, siwo xɔ ƒe ɖeka ko la asa numevɔ na Yehowa. Lã siawo dometɔ ɖe sia ɖe nanye esi de blibo. Misa numevɔ kple wɔ memee lita ade kple afã si wobaka kple ami la kpe ɖe nyitsu ɖe sia ɖe ŋu, miatsɔ wɔ memee lita ene kple afã si wobaka kple ami la asa vɔe kpe ɖe alẽvi la ŋu, eye miatsɔ wɔ ma lita eve akpe ɖe alẽviawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. Ele be miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka hã asa nu vɔ̃ ŋuti vɔe, ale be mialé avu ɖe mia ɖokuiwo ta. Vɔsa siawo akpe ɖe gbe sia gbe ƒe vɔ siwo miesana la ŋuti. Miasa vɔ sia ke le Ŋkekenyui la ƒe ŋkeke adreawo ɖe sia ɖe gbe. Woadze Yehowa ŋu ŋutɔ. Le ŋkeke adrea gbe la, ameawo katã agawɔ takpekpe kɔkɔe aɖe. Womawɔ dɔ sesẽ aɖeke gbe ma gbe o. Kɔsiɖawo ƒe Ŋkekenyui “Le kutsetse gbãtɔwo ƒe Ŋkekenyui si woyɔna be Kɔsiɖawo ƒe Ŋkekenyui alo Pentekoste ƒe ŋkeke gbãtɔa gbe la, ameawo katã awɔ takpekpe kɔkɔe, atso aseye le nuŋeŋe yeye la ta. Gbe ma gbe la, ele be miatsɔ nuku yeye siwo mieŋe la ƒe gbãtɔ na Yehowa abe nuɖuvɔsa ene. Ame aɖeke mekpɔ mɔ awɔ dɔ aɖeke le ŋkeke ma dzi o. Woasa numevɔ tɔxɛ si adze Yehowa ŋu ŋutɔ la gbe ma gbe kple nyitsuvi eve, agbo ɖeka kple agbovi adre, siwo xɔ ƒe ɖeka ko. Miatsɔ nuɖuvɔsa si wowɔ kple wɔ memee si wobaka kple ami lita ade kple afã akpe ɖe nyitsu ɖe sia ɖe ŋu, miatsɔ wɔ ma lita ene kple afã, si wobaka kple ami la akpe ɖe agbo la ŋu, eye wɔ memee lita eve nakpe ɖe alẽvi adreawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. Hekpe ɖe esiawo ŋu la, miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa avulévɔ ɖe mia ɖokuiwo ta. Vɔsa tɔxɛ siawo akpe ɖe numevɔ, nuɖuvɔ kple nunovɔ siwo miesana gbe sia gbe la ŋu. Mikpɔ egbɔ be miaƒe vɔsalãwo dometɔ ɖe sia ɖe de blibo.” Kpẽwo ƒe Ŋkekenyui “Woaɖu Kpẽwo ƒe Ŋkekenyui le ƒe sia ƒe ƒe ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔa gbe. Ameawo katã awɔ takpekpe kɔkɔe aɖe gbe ma gbe, eye womawɔ dɔ aɖeke o. Gbe ma gbe la, miatsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi adre, siwo xɔ ƒe ɖeka ko la awɔ numevɔsa na Yehowa. Vɔsalã siawo dometɔ ɖe sia ɖe nade blibo. Vɔsa siawo nye nu siwo dzea Yehowa ŋu. Tsɔ nuɖuvɔsa si wowɔ kple wɔ memee lita ade kple afã si wobaka kple ami la akpe ɖe nyitsu la ŋu, nàtsɔ wɔ lita ene kple afã akpe ɖe agbo la ŋu, eye nàtsɔ wɔ memee lita eve akpe ɖe alẽvi adreawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. Hekpe ɖe esiawo ŋu la, miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa hena avuléle ɖe miawo ŋutɔ ta. Vɔsa tɔxɛ siawo akpe ɖe ɣleti sia ɣleti ƒe numevɔ siwo miesana ɖaa la ŋuti gbe ma gbe abe ɣleti yeye ƒe numevɔsa ene. Miawɔ esia akpe ɖe gbe sia gbe ƒe numevɔsa, siwo miewɔna kple nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋu abe ale si seawo xlẽe fia la ene.” Avuléŋkeke ƒe vɔsawo “Le ŋkeke ewo megbe la, ameawo katã agakpe ta. Ame sia ame abɔbɔ eɖokui le Yehowa ŋkume, eye womawɔ dɔ aɖeke ƒomevi o. Gbe ma gbe la, miasa numevɔ si adze Yehowa ŋu ŋutɔ la kple nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi adre, siwo xɔ ƒe ɖeka. Lã siawo nade blibo le go ɖe sia ɖe me. Sa nuɖuvɔ kple wɔ memee lita ade kple afã si wobaka kple ami la kpe ɖe nyitsu la ŋu kple wɔ memee lita ene kple afã kpe ɖe agbo la ŋu, eye wɔ memee lita eve akpe ɖe alẽvi adreawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. Ele be miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa hã. Esia akpe ɖe avuléŋkeke la ƒe nu vɔ̃ vɔsa si miesana ƒe sia ƒe le ŋkeke ma dzi la ŋuti, hekpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe numevɔsa, nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋuti.” Agbadɔmeŋkekenyuiwo “Le ŋkeke atɔ̃ megbe la, ameawo katã agawɔ takpekpe, eye ame aɖeke mawɔ dɔ sesẽ aɖeke o. Esia nye ŋkeke adre ƒe ŋkekenyui si woaɖu le Yehowa ŋkume la ƒe gɔmedzedze. Miaƒe gbe ma gbe ƒe numevɔsa tɔxɛ la ado dzidzɔ gã ŋutɔ na Yehowa. Miasa vɔ sia kple nyitsuvi wuietɔ̃, agbo eve kple agbovi wuiene siwo xɔ ƒe ɖeka. Lã siawo dometɔ ɖe sia ɖe nade blibo le go ɖe sia ɖe me. Miatsɔ nu siawo akpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe numevɔsa kple nuɖuvɔsa la ŋu ale: wɔ memee lita ade kple afã, si wobaka kple ami la nakpe ɖe nyitsuvi wuietɔ̃awo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu; wɔ memee lita ene kple afã nakpe ɖe agbo eveawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu, eye wɔ memee lita eve nakpe ɖe alẽvi wuieneawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. Ele be miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa hã kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe numevɔsa, nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋu. “Le ŋkeke adre Ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke evelia gbe la, miatsɔ nyitsu wuieve, agbo eve kple agbovi wuiene, siwo xɔ ƒe ɖeka la asa numevɔ kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋu. Vɔsalã siawo nade blibo le go ɖe sia ɖe me. Kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe numevɔsa ŋu la, ele be miagatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa akpe ɖe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋu. “Le Ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke etɔ̃lia gbe la, miatsɔ nyitsuvi wuiɖekɛ, agbo eve kple agbovi wuiene, siwo xɔ ƒe ɖeka la asa numevɔ. Vɔsalã siawo dometɔ ɖe sia ɖe nade blibo. Miatsɔ miaƒe gbe sia gbe ƒe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa akpe ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔ me ŋu ɖe ɖoɖo la nu. Kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe numevɔsa ŋuti la, miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, eye miatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa akpe ɖe eŋu. “Le Ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke enelia dzi la, miatsɔ nyitsuvi ewo, agbo eve kple agbovi wuiene, siwo xɔ ƒe ɖeka la asa vɔe. Vɔsalã siawo nade blibo le go ɖe sia ɖe me. Woatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔ me ŋu ɖe ɖoɖo la nu. Ele be miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa hã kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe numevɔsa, nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋu. “Le ŋkeke atɔ̃lia gbe la, mitsɔ nyitsu asiekɛ, agbo eve kple agbovi wuiene, ɖe sia ɖe si xɔ ƒe ɖeka, eye naneke megblẽ le eŋu o la asa vɔe. Sa nyitsuawo, agboawo kple agbovi fɛ̃ ƒe nuɖuvɔsawo kple nunovɔsawo ɖe xexlẽme siwo woɖo ɖi la nu. Kpe ɖe esiawo ŋuti la, mitsɔ gbɔ̃tsu ɖeka sa vɔe kpe ɖe miaƒe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa siwo miesana ɖaa la ŋuti abe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ene kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe vɔsawo ŋuti. “Le Ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke adelia gbe la, miasa vɔ kple nyitsu enyi, agbo eve kple alẽvi wuiene siwo xɔ ƒe ɖeka. Vɔsalã siawo nade blibo le go ɖe sia ɖe me. Mitsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa kpe ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔ me ŋu ɖe ɖoɖo la nu. Kpe ɖe esiawo ŋu la, mitsɔ gbɔ̃tsu ɖeka sa vɔe kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe vɔsawo kple nuɖuvɔsawo kple nunovɔsawo ŋu abe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ene. “Le ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke adrelia gbe la, misa vɔ kple nyitsu adre, agbo eve kple agbovi wuiene, siwo xɔ ƒe ɖeka. Vɔsalã siawo nade blibo. Mitsɔ vɔsa siawo kpe ɖe miaƒe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔ me ŋu ɖe ɖoɖo la nu. Migasa nu vɔ̃ ŋuti vɔ kple gbɔ̃tsu ɖeka kpe ɖe miaƒe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa kple miaƒe gbe sia gbe ƒe vɔsawo ŋuti. “Le ŋkeke enyia gbe la, ameawo agawɔ takpekpe kɔkɔe. Miawɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o. Mitsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi adre siwo xɔ ƒe ɖeka la sa numevɔ na Yehowa. Vɔsalãwo dometɔ ɖe sia ɖe nade blibo. Miawɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ɖe nyitsu la, agbo la kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔme ŋu ɖe ɖoɖo la nu. Vɔsa siawo dzea Yehowa ŋu ŋutɔ. Mitsɔ gbɔ̃tsu ɖeka sa vɔe kpe ɖe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋu abe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ene kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe vɔsawo ŋu. “Ele na mi be miasa vɔ siawo le miaƒe ƒe sia ƒe Ŋkekenyuiɖuɣiwo dzi kpe ɖe miaƒe adzɔgbeɖevɔsawo, lɔlɔ̃nuvɔsawo, numevɔsawo, nuɖuvɔsawo, nunovɔsawo kple ŋutifafavɔsawo ŋu.” Ale Mose de se siawo katã na Israelviwo. Adzɔgbeɖeɖewo Mose gblɔ na Israelviwo ƒe towo ƒe tatɔwo be, “Se si Yehowa de lae nye esi. Ne ame aɖe ɖe adzɔgbe na Yehowa alo ka atam hetsri nane na eɖokui la, mele be wòada le eƒe nya dzi o, ke boŋ ele be wòawɔ ɖe nya sia nya si wògblɔ la dzi. “Ne nyɔnu aɖe, si nye ɖetugbi le fofoa ƒe aƒe me ɖe adzɔgbe na Yehowa be yeawɔ nane alo yemawɔ nane o, eye fofoa nya nu tso ɖetugbi la ƒe adzɔgbeɖeɖe la kple tohehe siwo ku ɖe adzɔgbeɖeɖe la ŋuti ŋu, gake megblɔ nya aɖeke o la, ekema ele be ɖetugbi la nawɔ ɖe adzɔgbeɖeɖe la dzi kokoko. Ke ne fofoa melɔ̃ ɖe adzɔgbeɖeɖe la dzi o, alo wòbu be tohehe si dzi wòlɔ̃ ɖo sesẽ akpa la, ekema ɖetugbi la ƒe adzɔgbeɖeɖe la megablae o. Ne fofoa melɔ̃ ɖe adzɔgbeɖeɖe la dzi o la, ekema ele nɛ be wòaɖe gbeƒã nenema le gbe si gbe wònya nu le adzɔgbeɖeɖe la ŋu; ekema Yehowa atsɔe ake ɖetugbi la, elabena fofoa melɔ̃ ɖe adzɔgbeɖeɖe la dzi o. “Ne nyɔnu aɖe ɖe adzɔgbe alo do ŋugbe dzodzro aɖe hafi va ɖe srɔ̃ la, ne srɔ̃ŋutsu la se nya la, eye megblɔ nya aɖeke tso eŋu le gbe si gbe wòse nu tso eŋuti dzi o la, ekema ele be nyɔnu la nawɔ ɖe eƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi kokoko. Ke ne srɔ̃ŋutsu la gbe be yemelɔ̃ ɖe adzɔgbeɖeɖe la dzi o la, ekema adzɔgbeɖeɖe la megabla nyɔnu la o, eye Yehowa atsɔe akee. “Ke ne nyɔnu la zu ahosi alo eya kple srɔ̃a dome klã la, ekema ele nɛ be wòawɔ ɖe eƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi kokoko. “Ne srɔ̃nyɔnu aɖe le srɔ̃a ƒe aƒe me, eye wòɖe adzɔgbe, ne srɔ̃ŋutsu la se nu tso srɔ̃a ƒe adzɔgbeɖeɖe la ŋu, eye megblɔ nya aɖeke o la, ekema ele be nyɔnu la nawɔ ɖe eƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi kokoko. Ke ne ŋutsu la gblɔ le ŋkeke gbãtɔ si wòse nu tso adzɔgbeɖeɖe la ŋu be yemelɔ̃ ɖe edzi o la, ekema adzɔgbeɖeɖe la megabla nyɔnu la o, eye Yehowa atsɔe akee. Ale srɔ̃ŋutsu ate ŋu alɔ̃ adzɔgbeɖeɖe la nabla srɔ̃a loo alo agbe, eye adzɔgbeɖeɖe la mabla srɔ̃a o. Ke ne ŋutsu la megblɔ nya aɖeke o, eye ŋkeke ɖeka va yi la, ekema elɔ̃ ɖe adzɔgbeɖeɖe la dzi. Ne srɔ̃ŋutsu la lala ŋkeke ɖeka va yi hafi wòva gbe be yemelɔ̃ ɖe ye srɔ̃ ƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi o la, ekema tohehe ka ke dzi nyɔnu la lɔ̃ ɖo be wòava ye dzi ne yemewɔ ɖe yeƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi o la ava ŋutsu la boŋ dzi, elabena eyae meɖe mɔ na nyɔnu la be wòawɔ ɖe eƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi o.” Esiawoe nye se siwo Yehowa de na Mose tso ale si srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu dome nanɔ kple ale si fofo kple vinyɔnu dome nanɔ la ŋu. Hlɔ̃biabia Midiantɔwo Yehowa gblɔ na Mose be, “Bia hlɔ̃ Midiantɔwo le ale si wokplɔ mi de trɔ̃subɔsubɔ me la ta. Le esia megbe la, àku.” Mose gblɔ na ameawo be, “Ele be mia dometɔ aɖewo naho aʋa ɖe Midiantɔwo ŋu, eye woabia hlɔ̃ Midiantɔwo na Yehowa. Miɖo ŋutsu akpe ɖeka tso Israel ƒe to ɖe sia ɖe me ɖe aʋa la.” Ale ŋutsu akpe wuieve (12,000) bla akpa ɖe aʋa la wɔwɔ ŋu, ŋutsu akpe ɖeka tso Israel ƒe to ɖe sia ɖe me. Finehas, nunɔla Eleazar ƒe viŋutsue nye woƒe aʋakplɔla. Nubablaɖaka la yi kpli wo le esime kpẽwo nɔ ɖiɖim. Wowu Midian ŋutsu ɖe sia ɖe le aʋa la me. Wowu Midian fia atɔ̃awo katã, Evi, Rekem, Zur, Hur kple Reba. Wowu Balaam, Beor ƒe viŋutsu la hã. Israelviwo ƒe aʋakɔ la ɖe aboyo Midiantɔwo ƒe nyɔnuwo kple ɖeviwo katã, eye woha woƒe lãwo kple woƒe kesinɔnu geɖewo. Wotɔ dzo Midiantɔwo ƒe duwo kple kɔƒewo katã, woɖe aboyo amewo, eye woha woƒe lãwo katã. Wotsɔ aboyomeawo kple afunyinuawo katã vɛ na Mose kple nunɔla Eleazar kple Israelvi bubu siwo nɔ asaɖa la me le Moab gbedzi le Yɔdan tɔsisi la to, le Yeriko kasa. Mose kple nunɔla Eleazar kple ameawo ƒe kplɔla bubuawo katã do go yi ɖakpe aʋakɔ la, ke Mose do dɔmedzoe ɖe aʋakplɔlawo kple aʋalɔgonunɔlawo ŋu. Ebia wo be, “Nu ka ta miena nyɔnuawo katã tsi agbe? Ame siawo tututue wɔ Balaam ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi, eye wona Israelviwo subɔ legbawo le Peor to la dzi; woawoe he dɔvɔ̃ si wu mí la vɛ. Miwu ŋutsuviwo katã kple nyɔnu siwo dɔ ŋutsu gbɔ kpɔ la fifi laa! Mina nyɔnuvi suewo ya nanɔ agbe, eye woazu mia tɔ. “Azɔ la, mi ame siwo katã wu ame aɖe alo ka asi ame kuku aɖe ŋu la, minɔ asaɖa la godo ŋkeke adre. Mikɔ mia ɖokuiwo kple nyɔnuvi sueawo ŋu le ŋkeke etɔ̃lia kple adrelia gbe. Miɖo ŋku edzi miakɔ miaƒe awuwo kple nu sia nu si wowɔ kple lãgbalẽ, gbɔ̃fu alo ati la hã ŋuti.” Nunɔla Eleazar gblɔ na aʋadelawo katã be, “Esia nye se si Yehowa de na Mose ‘Nu sia nu si ate ŋu anɔ te ɖe dzoxɔxɔ nu abe sika, klosalo, akɔbli, gaɣi alo tsumi ene la, woade wo dzo me ale be woakɔ wo ŋu. Emegbe la, woagakɔ wo ŋu kple tsi kɔkɔe. Ke woatsɔ tsi kɔkɔe ko akɔ nu siwo mate ŋu anɔ te ɖe dzoxɔxɔ nu o la ŋuti.’ Le ŋkeke adrelia gbe la, mianya miaƒe awuwo, eye mia ŋuti akɔ ekema miagatrɔ ava asaɖa la me.” Afunyinuwo mama Yehowa gblɔ na Mose be, “Wò kple nunɔla Eleazar kple ƒomeawo ƒe tatɔ siwo le dukɔa me la miaxlẽ amewo kple lã siwo katã wolé le aʋa. Le esia megbe la, miama afunyinuawo ɖe asrafo siwo de aʋa kple ameha mamlɛawo dome. Mixɔ nu sia nu si asrafoawo xɔ la ƒe ɖeka le alafa atɔ̃ ɖe sia ɖe me abe nunana ene na Yehowa, eɖanye amegbetɔ, nyiwo, tedziwo, alẽwo loo alo gbɔ̃wo o. Mixɔ nunana sia ƒe afã le wo si, eye miatsɔe na nunɔla Eleazar abe Yehowa ƒe gome ene. Tso nu siwo ke Israelviwo xɔ ƒe afã me la, tia ɖeka le blaatɔ̃ ɖe sia ɖe me, eɖanye amegbetɔ, nyiwo, tedziwo, alẽwo, gbɔ̃wo loo alo lã bubuwo o. Tsɔ wo na Levi ƒe viwo, ame siwo kpɔa Yehowa ƒe Agbadɔ la ƒe nyawo gbɔ.” Ale Mose kple nunɔla Eleazar wowɔ se siwo Yehowa de na wo to Mose dzi la dzi. Aʋadelawo tsɔ sikanu kple awu siwo woha la na wo ɖokui. Nu bubu siwo woha la woe nye alẽ akpe alafa ade, blaadre-vɔ-atɔ̃ (675,000), nyi akpe blaadre-vɔ-eve (72,000), tedzi akpe blaade-vɔ-ɖekɛ (61,000) kple nyɔnuvi akpe blaetɔ̃-vɔ-eve (32,000). Nu siawo ƒe afã, si wotsɔ na aʋadelawoe nye: alẽ akpe alafa etɔ̃, blaetɔ̃-vɔ-adre alafa atɔ̃ (337,500), wotsɔ wo dome alafa ade, blaadre-vɔ-atɔ̃ (675) na Yehowa; nyi akpe blaetɔ̃ vɔ ade (36,000), wotsɔ wo dome blaadre-vɔ-eve na Yehowa, tedzi akpe blaetɔ̃, alafa atɔ (30,500), wotsɔ wo dome blaade-vɔ-ɖekɛ na Yehowa; nyɔnuvi akpe wuiade (16,000), wotsɔ wo dome blaetɔ̃-vɔ-eve, siwo nye Yehowa tɔ la na Levi ƒe viwo. Wotsɔ nu siwo katã nye Yehowa tɔ la na nunɔla Eleazar, abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. Mose tsɔ nu siwo woha le aʋa me la ƒe afã na Israelviwo eye afã bubu na aʋadelawo. Afã mamlɛa, si wotsɔ na Israelviwo la yi ale: alẽ akpe alafa etɔ̃, blaetɔ̃-vɔ-adre, alafa atɔ̃ (337,500), nyi akpe blaetɔ̃ vɔ ade (36,000), tedzi akpe blaetɔ̃ alafa atɔ̃ (30,500) kple nyɔnuvi akpe wuiade (16,000). Le Yehowa ƒe ɖoɖowo nu la, Mose tsɔ nu siawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe blaatɔ̃lia ƒe ɖeka le Israelviwo tɔ ŋu hena Levi ƒe viwo, ame siwo wɔa dɔ le Yehowa ƒe agbadɔ la me. Aʋakplɔla siwo le aʋalɔgowo nu, esiwo le ŋutsu akpewo nu kple esiwo le ŋutsu alafawo nu la yi Mose gbɔ, eye wogblɔ nɛ be, “Wò dɔlawo xlẽ asrafo siwo le mía te la, eye wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã mebu o. Eya ta míetsɔ akpedavɔsa tɔxɛ vɛ na Yehowa tso nu siwo míeha la me, woawoe nye sika, alɔnugɛwo, afɔgɛwo, asigɛwo, togɛwo kple kɔsɔkɔsɔwo. Míetsɔ nu siawo hena avuléle le Yehowa ŋkume ɖe míaƒe luʋɔwo ta.” Mose kple nunɔla Eleazar woxɔ sika kple aɖaŋunuwɔwɔwo le wo si. Sika si woxɔ tso asrafo akpewo nunɔlawo kple asrafo alafawo nunɔlawo si, eye Mose kple Eleazar tsɔ wo na Yehowa la ƒe kpekpemee nye kilogram alafa ɖeka blaasiekɛ (190). Asrafoawo tsɔ nu siawo ƒe ɖe na wo ɖokuiwo xoxo. Mose kple nunɔla Eleaza xɔ sikawo le ame siwo woɖo ame akpewo kple ame alafawo nu la si eye wotsɔ nunana sia ɖadzra ɖo ɖe agbadɔ la me le Yehowa ŋkume abe ŋkuɖodzinu na Israelviwo ene. Dukɔ siwo le Yɔdan godo Esi Israelviwo ɖo Yazer kple Gileadnyigbawo dzi la, Ruben kple Gad ƒe towo, ame siwo si alẽha gãwo le la kpɔ be anyigba la nyo ŋutɔ na lãnyinyi. Eya ta wogblɔ na Mose kple nunɔla Eleazar kple toawo ƒe kplɔlawo be, “Atarɔt, Dibon, Yazer, Nimra, Hesbon, Eleale, Sebam, Nebo kple Beon ƒe anyigba siwo Yehowa xɔ le Israelviwo ŋkume la nyo na lãnyinyi, eye lãwo le wò dɔlawo si. Ne eve mía nu la ekema míeɖe kuku tsɔ anyigba sia na mí ɖe anyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa kemɛ teƒe.” Mose bia wo be, “Ɖe miedi be yewoatsi afi sia ne mia nɔviwo ya natso tɔsisi la, eye woawo ɖeɖe nayi aɖawɔ aʋa kple afi ma tɔwoa? Ɖe miedi be yewoaɖe dzi le Israelviwo ƒo be womagatso tɔsisi la ayi aɖaxɔ anyigba si ƒe ŋugbe Yehowa do na wo oa? Nu sia tɔgbi tututu mia tɔgbiwo wɔ kpɔ! Meɖo wo ɖa be woaɖatsa ŋku le Kades Barneanyigba dzi. Esi wowu ŋkutsatsa la nu, eye wotrɔ tso Eskɔl ƒe balime gbɔ la, woɖe dzi le Israelviwo ƒo le Ŋugbedodonyigba la dzi yiyi ŋu. Yehowa do dɔmedzoe gbe ma gbe, eye woka atam sia be, ‘Esi miedze yonyeme kple dzi blibo o ta la, ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, ame siwo tso Egipte la dometɔ ɖeka pɛ hã makpɔ anyigba si ŋugbe medo kple atam na Abraham, Isak kple Yakob o. Wo dometɔ siwo ko ade Ŋugbedodonyigba la dzie nye Kaleb, Yefune, Kenizitɔ la ƒe viŋutsu kple Yosua, Nun ƒe viŋutsu, elabena woawo dze Yehowa yome kple woƒe dzi blibo, eye wode dzi ƒo na ameawo be woayi Ŋugbedodonyigba la dzi.’ Yehowa na míetsa tsaglalã le gbedzi ƒe blaene va se ɖe esime dzidzime vɔ̃ɖi ma tsrɔ̃ keŋkeŋ. “Ke miawo hã, mi vɔ̃ wɔlawo ƒe dzidzimeviwo, miegale nu ma tututu wɔm! Miawo miesɔ gbɔ wu woawo, eya ta Yehowa ƒe dziku ɖe miawo ŋu nu asẽ ɖe miawo dzi fifia wu ɖe woawo dzi. Ne mietrɔ ɖa tso Mawu gbɔ alea la, ana ameawo naganɔ gbea dzi ɣeyiɣi didi aɖe wu, eye miahe ku vɛ na ameawo kple dzɔgbevɔ̃e va dukɔ blibo la dzi!” Woɖo eŋu be, “Míawɔ nenema o, ke boŋ míatu lãkpowo na míaƒe lãwo, eye míatso duwo na mía viwo ɖe afi sia. Míawo ŋutɔ míabla akpa, adze ŋgɔ na Israelvi bubuawo va se ɖe esime míakplɔ wo, woƒe asi naka woƒe domenyinu la dedie. Ke ele be míatso duwo, aɖo gli aƒo xlã wo na mía srɔ̃wo kple mía viwo gbã, ale be afi sia tɔwo maho aʋa ɖe wo ŋu o. Míatsi afi sia o, va se ɖe esime Israelviwo katã ƒe asi asu woƒe domenyinu la dzi. Míedi anyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa kemɛ o; míedi esi le tɔsisi la ƒe akpa sia, le ɣedzeƒe lɔƒo.” Mose gblɔ na wo be, “Enyo; ne miawɔ ɖe nya si miegblɔ dzi, abla akpa hena aʋawɔwɔ na Yehowa, eye miana miaƒe aʋawɔlawo nanɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa kemɛ va se ɖe esime Yehowa nanya eƒe futɔwo ɖa la, ekema ne míeɖu futɔwo dzi mlɔeba le Yehowa ŋkume la, miatrɔ ava afi sia, elabena miawu miaƒe dɔdeasiwo nu na Yehowa kple Israelvi bubuawo katã. Ekema anyigba si le tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo la azu mia tɔ tso Yehowa gbɔ. “Ke ne miawɔ ɖe nya si miegblɔ dzi o la, ekema miawɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Minya be miaƒe nu vɔ̃ ƒe tohehe ava mia dzi kokoko. Mitso duwo na mia srɔ̃wo kple mia viwo, mitu lãkpowo na miaƒe lãwo, eye miwɔ nu siwo katã miegblɔ be yewoawɔ.” Gad ƒe viwo kple Ruben ƒe viwo gblɔ be, “Míawɔ nu siwo katã nàɖo na mí be míawɔ la tututu. Mía viwo kple mía srɔ̃wo, míaƒe alẽwo kple nyiwo anɔ afi sia le Gilead du la me. Ke mí aʋawɔlawo katã ya la, míatso tɔsisi la ayi aɖawɔ aʋa na Yehowa abe ale si míaƒe aƒetɔ gblɔ ene.” Mose lɔ̃ ɖe edzi, eye wògblɔ na nunɔla Eleazar kple Yosua kple Israelviwo ƒe towo ƒe kplɔlawo be, “Ne ame siwo wotia tso Gad ƒe viwo kple Ruben ƒe viwo dome be woayi aɖawɔ aʋa na Yehowa dometɔ ɖe sia ɖe tso Yɔdan tɔsisi la kple mi la, ekema ne miexɔ anyigba la le futɔwo si la, miatsɔ Gileadnyigba ana wo. Ke ne wogbe la, ekema woaxɔ anyigba le Kanaanyigba la dzi, le mi ame bubuawo dome.” Gad ƒe viwo kple Ruben ƒe viwo gagblɔ be, “Míawɔ ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo dzi. Míabla akpa nyuie adze Yehowa yome ayi Kanaan, ke míawo ya ƒe anyigba anɔ Yɔdan ƒe akpa sia.” Ale Mose tsɔ Amoritɔwo ƒe fia, Sixɔn kple Basantɔwo ƒe fia, Ɔg, ƒe anyigbawo kple duwo katã na Gad kple Ruben ƒe dzidzimeviwo kple Manase, Yosef ƒe viŋutsu ƒe dzidzimeviwo ƒe afã. Du siwo Gad ƒe viwo tso la woe nye: Dibon, Atarɔt kple Aroer, Atrɔt Sofan, Yazer kple Yogbeha, Bet Nimra kple Bet Haran. Woɖo gli ƒo xlã du siawo katã, eye lãkpowo nɔ wo me. Du siwo Ruben ƒe viwo tso la woe nye: Hesbon, Eleale kple Kiriataim, Nebo, Baal Meon kple Sibma. Emegbe la, Israelviwo trɔ ŋkɔ na du siawo dometɔ siwo woxɔ hegbugbɔ tu la. Manase ƒe viŋutsu, Makir yi Gileadnyigba dzi, nya Amoritɔwo, ame siwo nɔ afi ma la ɖa, eye wòxɔe. Ale Mose tsɔ Gileadnyigba na Manase ƒe vi Makir eye wonɔ afi ma. Manase ƒe viŋutsu, Yair ƒe dzidzimeviwo nɔ du geɖewo me le Gileadnyigba dzi. Wotrɔ ŋkɔ na woƒe nɔƒe be, Havrɔtyair, si gɔmee nye Yair ƒe duwo. Le ɣe ma ɣi me la, ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Noba la kplɔ aʋakɔ aɖe yi Kenat kple kɔƒe siwo ƒo xlãe la me, eye wòxɔ wo. Etsɔ eya ŋutɔ ƒe ŋkɔ na teƒe la be Noba. Israelviwo ƒe mɔzɔzɔ dzi yiyi Esiawoe nye Israelviwo ƒe toƒewo tso esime Mose kple Aron wokplɔ wo dzoe le Egiptenyigba dzi. Mose ŋlɔ nu tso woƒe toƒewo ŋu abe ale si Yehowa ɖo nɛ ene. Israelviwo dze mɔ le Rameses le ɣleti atɔ̃lia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia gbe si nye Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe ŋkeke evelia. Wozɔ dzideƒotɔe dzo le Egiptetɔwo ƒe nukpɔkpɔ nu, le esime Egiptetɔwo nɔ woƒe ŋgɔgbeviwo katã, ame siwo Yehowa ƒo ƒu anyi le wo dome la ɖim, elabena Yehowa he ʋɔnudɔdrɔ̃ va woƒe mawuwo dzi. Israelviwo dzo le Rameses, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Sukɔt. Wodzo le Sukɔt, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Etam, le gbegbe la to. Esi wodzo le Etam la, wogbugbɔ yi Pi Hahirɔt, le Baal Zefon ƒe ɣedzeƒe, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Migdol gbɔ. Tso afi sia la, woto Ƒu Dzĩ la titina. Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, woɖo Etam gbedzi, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Mara. Tso Mara la, wova Elim, afi si vudo wuieve kple deti blaadre le. Wonɔ afi sia eteƒe didi vie. Esi wodzo le Elim la, woƒu asaɖa anyi ɖe Ƒu Dzĩ la to, eye woho yi Sin gbedzi. Emegbe la, woyi Dofka. Esi wodzo le Dofka la, woyi Alus, hetso eme yi Refidim, afi si tsi menɔ na ameawo woano o. Tso Refidim la, woyi Sinai gbedzi, eye tso afi ma la, woyi Kibrot Hatava. Tso Kibrot Hatava la, woyi Hazerot. Tso Hazerot la, woyi Ritmax. Tso Ritmax la, woyi Rimonparez. Tso Rimonparez la, woyi Libna. Tso Libna la, woyi Risa. Tso Risa la, woyi Kehelata. Tso Kehelata la, woyi Sefer to la gbɔ. Tso Sefer to la gbɔ la, woyi Harada. Tso Harada la, woyi Makhelot. Tso Makhelot la, woyi Tahat. Tso Tahat la, woyi Tera. Tso Tera la, woyi Mitka. Tso Mitka la, woyi Hasmona. Tso Hasmona la, woyi Moserɔt. Tso Moserɔt la, woyi Bene Yakan. Tso Bene Yakan la, woyi Hor Hagidgad. Tso Hor Hagidgad la, woyi Yotbata. Tso Yotbata la, woyi Abrona. Tso Abrona la, woyi Ezion Geber. Tso Ezion Geber la, woyi Kades le Zin gbedzi. Tso Kades la, woyi Hor to la gbɔ le Edomnyigba la to. Le Yehowa ƒe gbeɖeɖe nu la, Nunɔla Aron yi Hor to la dzi, afi si wòku ɖo le ɣleti atɔ̃lia ƒe ŋkeke gbãtɔa gbe le ƒe blaenelia, esi Israelviwo ʋu tso Egipte la me. Aron xɔ ƒe alafa ɖeka, blaeve-vɔ-etɔ̃ esi wòku ɖe Hor to la dzi. Ɣe ma ɣie Kanaantɔwo ƒe fia, Arad fia, ame si nɔ Negeb, le Kanaanyigba dzi la se be Israelviwo gbɔna yeƒe anyigba dzi. Wowɔ aʋa kplii, eye wotso Hor to la gbɔ heƒu asaɖa anyi ɖe Zalmona. Tso Zalmona la, woyi Punon. Woho tso Punon heva ƒu asaɖa anyi ɖe Obot, eye woho tso Obot heva ƒu asaɖa anyi ɖe Iye Abarim le Moabtɔwo ƒe liƒo dzi. Tso afi sia la, woƒo asaɖa ɖe Dibon Gad woyi Dibon Gad heyi Almɔn Diblataim, Abarim towo gbɔ le Nebo to la gbɔ. Wotso le Abarim towo gbɔ, eye mlɔeba la, wova ɖo Moab gbegbe la le Yɔdan tɔsisi la to le Yeriko kasa. Woƒu asaɖa anyi ɖe teƒe vovovowo le Yɔdan tɔsisi la to tso Bet Yesimot va se ɖe Abel Sitim le Moab tagba. Le Moab tagba, le Yɔdan nu le Yeriko kasa la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Israelviwo be, ‘Ne mietso Yɔdan, eye miege ɖe Kanaanyigba dzi la, ele be mianya ame siwo katã le anyigba ma dzi, eye miagbã woƒe legbawo; esiawoe nye woƒe kpe kpakpawo, legba siwo wololo ga tsɔ wɔe kple woƒe mawusubɔƒe siwo wotu ɖe toawo dzi, afi si wosubɔa woƒe legbawo le. Metsɔ anyigba la na mi. Mixɔe eye mianɔ edzi. Mima anyigba la ɖe miaƒe towo dome ɖe toawo ƒe lolome nu. Midzidze nu ɖe afi si anyigba la lolo le la dzi, amae ɖe to siwo me amewo sɔ gbɔ le la dome, eye miatsɔ teƒe siwo melolo o la ana to suewo. “ ‘Ke ne mienya ame siwo le afi ma o la, wo dometɔ siwo asusɔ ɖe afi ma la, azu dzowɔ aɖo ŋkume na mi kple ŋu anɔ miaƒe axadame. Ekema matsrɔ̃ mi abe ale si meɖo be matsrɔ̃ woe la ene.’ ” Kanaan ƒe liƒowo Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɖe gbe na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne mieɖo Kanaan la, anyigba si woana mi abe domenyinu ene la ƒe liƒowo ayi ale: “ ‘Miaƒe anyigba la ƒe anyigbeme ƒe liƒo anye Zin gbegbe la, ato Edom ƒe liƒo dzi. Miaƒe anyigba ƒe dzieheliƒo anye Dzeƒu la, ato afi ma aɖo ta dziehe, ato Akrabim to dzi mɔ le Zin lɔƒo. Eƒe seƒe le dziehe anye Kades Barnea, afi si wòatso aɖo ta Hazar Adar, ayi Azmon. Tso Azmon la, liƒo la azɔ Egipte tɔʋu la ŋu ayi aɖatɔ Dzeƒu la. Miaƒe ɣetoɖoƒeliƒo anye Domeƒu la ƒe ƒuta. Miaƒe dzigbemeliƒo adze egɔme tso Domeƒu la ŋu, aɖo ta ɣedzeƒe, ayi Hor to la gbɔ. Tso Hor to la gbɔ ayi Lebo Hamat, ato Zedad kple Zifron, ayi Hazar Enan. Esia anye miaƒe anyieheliƒo la. Miaƒe ɣedzeƒeliƒo atso Hazar Enan aɖo ta anyigbeme ayi Sefam kple Ribla le Ain ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. Tso afi ma la, aɖiɖi aƒo xlã gbã, aɖo ta anyigbeme gome, atrɔ aɖo ta ɣetoɖoƒe lɔƒo va se ɖe esime wòaɖo Galilea ƒu la ƒe anyigbeme nu tututu. Tso afi ma la, azɔ Yɔdan tɔsisi la ŋu ahawu nu ɖe Dzeƒu la nu. “ ‘Esiae nye miaƒe anyigba kple eƒe liƒo si ƒo xlãe.’ ” Mose gblɔ na Israelviwo be, “Anyigba sia dzie miadzidze nu ɖo hena emama ɖe mia dome. Mimae ɖe to asiekɛ kple afã dome, elabena Ruben ƒe viwo ƒe to la kple Gad ƒe viwo ƒe to la kple Manase ƒe viwo ƒe to la ƒe afã xɔ woƒe domenyinu xoxo. To eve kple afã siawo xɔ woƒe domenyinu le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe le Yeriko kasa.” Yehowa gblɔ na Mose be, “Ame siwo metia be woakpɔ anyigba la mama dzi la ƒe ŋkɔwoe nye: nunɔla Eleazar, Yosua, Nun ƒe viŋutsu, eye nàtia kplɔla tso to ɖe sia ɖe me. “Ame siawoe nye: “Kaleb, Yefune ƒe viŋutsu, tso Yuda ƒe to la me, Samuel, Amihud ƒe viŋutsu, tso Simeon ƒe to la me, Elidad, Kislon ƒe viŋutsu, tso Benyamin ƒe to la me, Buki, Yogli viŋutsu, tso Dan ƒe to la me, Yosef ƒe dzidzimevi siwo anye tatɔwo lae nye esiwo: Haniel, Efɔd ƒe viŋutsu, tso Manase ƒe to la me, Kemuel, Siftan ƒe viŋutsu, tso Efraim ƒe to la me, Elizafan, Parnax viŋutsu, tso Zebulon ƒe to la me, Paltiel, Azan ƒe viŋutsu, tso Isaka ƒe to la me, Ahihud, Selomi ƒe viŋutsu, tso Aser ƒe to la me, Pedahel, Amihud ƒe viŋutsu, tso Naftali ƒe to la me.” Esiawoe nye ame siwo metia be woakpɔ anyigba la mama ɖe Israelviwo dome dzi la ƒe ŋkɔwo. Levi ƒe viwo ƒe duwo Esi Israelviwo ƒu asaɖa anyi ɖe Yɔdan tɔsisi la to, le Moab gbedzi, le Yeriko kasa la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Na Israelviwo natsɔ du tɔxɛ aɖewo kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo la ana Levi ƒe viwo abe woƒe domenyinu ene. Woƒe aƒewo anɔ du siawo me, eye anyigba siwo ƒo xlã wo la azu lãnyiƒewo na woƒe nyiwo, alẽwo kple lã bubuawo. “Mina woƒe lãnyiƒewo nakeke mita alafa ene blaatɔ̃ tso duawo ƒe gliwo gbɔ do ɖe afi sia afi. Ale miadzidze du la ƒe ɣedzeƒe gome wòakeke mita alafa asiekɛ, dziehe gome mita alafa asiekɛ, ɣetoɖoƒe gome mita alafa asiekɛ kple anyiehe gome mita alafa asiekɛ, eye du la nanɔ titina. Esia anye lãnyiƒe na wo anɔ duawo ŋu. Sitsoƒeduwo “Mitsɔ Sitsoƒedu adeawo na Levi ƒe viwo. Ne ame aɖe wu ame le nu maɖowɔ me, eye wòƒu du ge ɖe Sitsoƒedu ade siawo kple du blaene-vɔ-eve bubu me la, anɔ dedie. Woatsɔ du blaene-vɔ-enyi siawo kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo la ana Levi ƒe viwo. Du siawo anɔ anyigba la ƒe akpa vovovowo. To siwo lolo, eye du geɖewo le wo si la, woana duawo Levi ƒe viwo wòasɔ gbɔ, ke to suewo ana du ʋɛ aɖewo Levi ƒe viwo.” Yehowa gblɔ na Mose be, “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne mietso Yɔdan, eye mieɖo Kanaanyigba dzi la, mitia Sitsoƒeduwo da ɖi, ale be ne ame aɖe do hlɔ̃ le nu maɖowɔ me la, wòasi ayi wo dometɔ ɖeka me. Du siawo anye xɔnameteƒewo tso ame kuku la ƒe ƒometɔ siwo adi be yewoabia hlɔ̃ la ƒe asi me. Womawu hlɔ̃dola la o va se ɖe esime woadrɔ̃ ʋɔnui, akpɔe be eɖi fɔ. Du ade siawo si miena la anye miaƒe Sitsoƒeduwo. Mina du etɔ̃ nanɔ Yɔdan ƒe akpa sia, eye etɔ̃ nanɔ Kanaan abe Sitsoƒeduwo ene. Du siawo manye sitsoƒewo na Israelviwo ɖeɖe ko o, ke boŋ na amedzrowo kple mɔzɔlawo hã. “ ‘Ke ne ame aɖe axlã gakpo aɖe ɖe nɔvia wòaku la, woatsɔe abe hlɔ̃dodo ene, eye woawu hlɔ̃dola la. Ne woƒu kpe gã aɖe ame aɖe wòku la, hlɔ̃dodoe; woawu hlɔ̃dola la hã. Nenema kee woawɔ ame si atsɔ nu si wowɔ kple ati la aƒo nɔvia wòaku. Hlɔ̃biala la nawu hlɔ̃dola la ne edo goe. Ale ne ame aɖe le fuléle ta, wòtsɔ nane ƒu nɔvia alo tso mɔ nɛ, alo tu kɔe kple dɔmedzoe wòku la, edo hlɔ̃. Hlɔ̃biala nawu hlɔ̃dola la. “ ‘Gake ne fuléle mele amea me o, ko kasia wòlɔ ame aɖe ƒu anyi alo da nane tamemaɖomaɖotɔe wòdze ame aɖe, alo ne mekpɔe o, eye wòƒu kpe si ate ŋu awui, eye wòku la, ekema zi ale si menye futɔ na amea o, eye meɖo be yeawɔ nuvevie o hafi ta la, woadrɔ̃ ʋɔnui, akpɔ be nyadzɔɖeamedzi koe loo alo ɖe yewoaɖe asi le hlɔ̃dola la ŋu na ame kuku la ƒe hlɔ̃biala mahã. Ne wotso nya me be nyadzɔɖeamedzi koe la, ekema ʋɔnudrɔ̃lawo axɔ na hlɔ̃dola la tso hlɔ̃biala la ƒe asi me. Woaɖe mɔ na hlɔ̃dola la wòanɔ Sitsoƒedu la me, eye wòanɔ afi ma va se ɖe esime nunɔlagã la naku. “ ‘Ne hlɔ̃dola la do go le sitsoƒedu la me, eye hlɔ̃biala la kpɔe le du la godo hewui la, ekema hlɔ̃biala la medo hlɔ̃ o, elabena ɖe wòle be hlɔ̃dola la nanɔ sitsoƒedu la me va se ɖe esime nunɔlagã la naku hafi. Ke le nunɔlagã la ƒe ku megbe la, hlɔ̃dola la ate ŋu atrɔ ayi wo de. “ ‘Esiawoe nye se siwo dzi Israelviwo katã nawɔ tso dzidzime yi dzidzime. “ ‘Ele be woawu hlɔ̃dolawo katã, gake ele be ɖasefowo nasɔ gbɔ wu ɖeka. Womawu hlɔ̃dola aɖeke si ŋu ɖasefo ɖeka pɛ ko ɖi ɖase le o. “ ‘Ne wodrɔ̃ ʋɔnu ame aɖe, tso nya me be ewu ame la, ekema ele be woawui kokoko. Womaxe alo axɔ naneke ɖe eƒe agbe ta o. “ ‘Nenema ke womaxɔ naneke le hlɔ̃dola si yi sitsoƒedu aɖe me la si, aɖe mɔ nɛ be wòatrɔ ayi wo de hafi nunɔlagã la naku o. “ ‘Ale womagblẽ kɔ ɖo na anyigba la o, elabena hlɔ̃dodo gblẽa kɔ ɖo na anyigba la. Gawu la, nu si woate ŋu atsɔ alé avu ɖe hlɔ̃dodo ta koe nye hlɔ̃dola la wuwu. Migado ŋunyɔ anyigba si dzi nɔ ge miala la o, elabena nye, Yehowa, mele afi ma nɔ ge.’ ” Zelofehad ƒe vinyɔnuwo ƒe domenyinyi Gilead, Makir ƒe viŋutsu, ame si nye Manase ƒe viŋutsu, tso Yosef ƒe ƒome la me ƒe amegãwo tso hlɔ̃ la me va ƒo nu le Mose kple kplɔlawo, Israelviwo ƒe ƒometatɔwo ŋkume. Wogblɔ be, “Esime Yehowa ɖe gbe na nye aƒetɔ be wòadzidze nu, ama anyigba la na Israelviwo abe woƒe domenyinu ene la, egblɔ na wò be, nàtsɔ mía nɔvi Zelofehad ƒe domenyinu ana via nyɔnuwo. Ke ne woɖe srɔ̃ tso to bubu aɖe me la, woatsɔ woƒe anyigba la ayi wo srɔ̃ŋutsuwo ƒe towo me. Le mɔ sia nu la, anyigba si woama na mí la dzi aɖe, eye womatrɔe na mí le Aseyetsoƒe la me o.” Tete Mose ɖe gbeƒã Yehowa ƒe ɖoɖo siawo le Israelviwo ƒe ŋkume be, “Yosef ƒe viwo ƒe nya la le eteƒe. Nu si Yehowa gagblɔ tso Zelofehad ƒe vinyɔnuwo ŋue nye, ‘Mina woaɖe ŋutsu ɖe sia ɖe si dze wo ŋu, ne ŋutsu la nya tso woawo ŋutɔ ƒe to la me ko. Le mɔ sia nu la, to la ƒe Israelnyigba ƒe akpa aɖeke mage ɖe to bubu me tɔwo ƒe asi me o, elabena ele be to sia to ƒe domenyinu nanɔ anyi tegbetegbe, abe ale si wònɔ esi womae gbã na wo la ene. Israelviwo ƒe toawo ƒe nyɔnuwo naɖe srɔ̃ le woawo ŋutɔ ƒe towo me, ale be woƒe anyigba madzo le to la me o. Ale domenyinu aɖeke madzo le to aɖeke me ayi to bubu me o.’ ” Zelofehad ƒe vinyɔnuwo wɔ ɖe nu si Yehowa ɖo na Mose la dzi. Zelofehad ƒe vinyɔnu siawo, Mahla, Tirza, Hogla, Milka kple Noa ɖe wo fofo nɔviŋutsuwo ƒe viŋutsuwo. Woɖe srɔ̃ le Manase, Yosef ƒe viŋutsu ƒe dzidzimeviwo dome, ale woƒe domenyinu la tsi wo fofo ƒe ƒome kple hlɔ̃ la me. Esiawoe nye se siwo Yehowa de na Israelviwo to Mose dzi, le esime woƒu asaɖa anyi ɖe Moab gbedzi le Yɔdan tɔsisi la to le Yeriko kasa.