- Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020
Nehemia
Nehemia ƒe agbalẽ
Nehemia
Neh
Nehemia
ƒe agbalẽ
Nehemia ƒe gbedodoɖa
Esiae nye Nehemia, Hakalia ƒe vi ƒe nyawo.
Le ɣleti wuievelia me, le Persia fia, Artazerses ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaevelia me, esime menɔ Susa fiasã la me la, nɔvinye Yudatɔ aɖe si woyɔna be, Hanani kple ame aɖewo tso Yuda va be yewoakpɔm ɖa. Mebia nya tso ale si nuwo nɔ le Yerusalem la ŋu. Mebia be, “Aleke nuwo le na Yudatɔ siwo gbɔ tso aboyo me va Yerusalem?”
Woɖo eŋu be, “Nuwo menyo kura o, ame siwo gbɔ tso aboyome la, le xaxa kple ŋukpe gã aɖe me; womu Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi eye wotɔ dzo agboawo.”
Esi mese nya siawo la, menɔ anyi, eye mefa avi. Le nyateƒe me la, metsi nu dɔ ŋkeke geɖewo, eye mewɔ ɣeyiɣi ma ŋu dɔ hedo gbe ɖa na dziƒo ƒe Mawu la be,
“O! Aƒetɔ Yehowa, Mawu gã si ŋu ŋɔdzi le, Mawu si wɔa eƒe ŋugbedodowo dzi, eye wòvea ame siwo lɔ̃nɛ, eye wowɔa eƒe sewo dzi la nu, se nye gbedodoɖa. Wò to nenɔ te, eye wò ŋkuwo nenɔ ʋuʋu be nàse gbe si dom wò dɔla le ɖa zã kple keli le ŋkuwòme, ɖe wò dɔlawo, Israel dukɔ ta. Meʋu nu vɔ̃ siwo mí Israelviwo, nye ŋutɔ kple fofonye ƒe aƒe míewɔ ɖe ŋuwò la me. Míewɔ nu tovowo ɖe ŋutiwò, míewɔ wò sededewo, ɖoɖowo kple se siwo wò dɔla Mose de na mí la dzi o.
“Meɖe kuku, ɖo ŋku nya si nègblɔ na wò dɔla, Mose la dzi! Wòe gblɔ be: ‘Ne miewɔ nu vɔ̃ la, makaka mi ɖe dukɔwo dome, ke ne mietrɔ va gbɔnye, eye miewɔ nye seawo dzi la togbɔ be woɖe aboyo mi yi xexea me ƒe dzogoe didiƒetɔwo mee hã la, makplɔ mi tso teƒe mawo, eye makplɔ mi va teƒe si metia be wòanye nye ŋkɔ ƒe nɔƒe.’
“Wò dɔlawoe míenye, dukɔ si nètsɔ wò ŋusẽ gã kple wò alɔ sesẽ la ɖee lae míenye. O! Aƒetɔ, meɖe kuku, se nye gbedodoɖa! Ɖo to mí, ame siwo kpɔa dzidzɔ be míade bubu ŋuwò la ƒe gbedodoɖa. Meɖe kuku, kpe ɖe ŋunye fifi laa esi mele fia la gbɔ yim be mabiae be wòana kpekpeɖeŋu tɔxɛm. Dee eƒe dzi me be wòave nunye.”
Fia la ƒe ahakulae menye.
Artazerses ɖo Nehemia ɖe Yerusalem
Gbe ɖeka, le ɣleti enelia me le Fia Artazerses ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaevelia me, esi menɔ wain kum na fia la la, fia la biam be, “Nu ka ta nèlé blanui ale, evɔ mèhele dɔ lém o? Esia menye naneke wu dzi ƒe nuxaxa o.” Megblɔ na fia la be, “Fia nenɔ agbe tegbee.”
Fia la biam be, “Ekema nu ka woawɔ na wò?”
Medo gbe ɖa na dziƒo ƒe Mawu la, eye megblɔ na fia la be, “Ne edze fia la ŋu, eye nève wò dɔla nu la, ekema dɔm ɖe Yuda ƒe du me, afi si woɖi fofonyewo ɖo ne magbugbɔ du la atu.”
Emegbe fia la, ame si ƒe axadzi fiasrɔ̃ la nɔ anyi ɖo la biam be, “Ŋkeke nenie nèle mɔ zɔ ge, eye gbe ka gbee nàtrɔ agbɔ?” Edze fia la ŋu be wòadɔm, eya ta meɖo ŋkeke nɛ. Megabia nu bubu hã fia la be, “Ne edze ŋuwò la, ekema meɖe kuku be nàŋlɔ agbalẽ ade asinye na mɔmefia siwo le Frat tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe, eye nàbia tso wo si be woaɖe mɔ nam mato woƒe dukɔwo me ayi Yudanyigba dzi dedie. Kpe ɖe esia ŋu la, nàŋlɔ agbalẽ na Asaf, ame si kpɔa fia la ƒe ave dzi, eye nàna wòana atim hena daɖedziwo kple agbowo na mɔ si le gbedoxɔ la gbɔ, hena dua ƒe gliwo kple xɔ aɖe tutu na ɖokuinye.” Esi wònye be, nye Mawu ƒe amenuveve ƒe asi nɔ dzinye ta la, fia la lɔ̃ ɖe nye biabiawo dzi.
Esi meɖo dukɔ siwo nɔ Frat Tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe la, metsɔ fia la ƒe agbalẽwo na mɔmefiawo. Kpe ɖe esia ŋu la, etsɔ aʋafia kple asrafo sɔdolawo kpe ɖe ŋunye. Ke esi Sanbalat, Horonitɔ kple Tobia, Amonitɔ, ame siwo nye dɔnunɔlawo se nya sia la, dzi ku wo vevie ŋutɔ be ame aɖe va nyui di ge na Israelviwo.
Nehemia lé ŋku ɖe Yerusalem ƒe gliawo ŋu
Meyi Yerusalem, eye esi menɔ dua me ŋkeke etɔ̃ la, mía kple ŋutsu ʋɛ aɖewo míedo go le zã me. Nyemegblɔ nu si nye Mawu tsɔ de nye dzi me be mawɔ na Yerusalem na ame aɖeke o. Lã siwo wodona la ɖeke menɔ gbɔnye o, negbe esi dom menɔ ko. Le zã me la, míedo go to Balimegbo la me ɖo ta Yakal ƒe Vudo la gbɔ, heyi Aɖukpogbo la gbɔ be míakpɔ gli gbagbãwo kple agbo siwo wotɔ dzoe la ɖa. Emegbe la, míeyi ŋgɔ heva Vudogbo la kple fia ƒe ta la gbɔ, gake teƒea mekeke na lã si dom menɔ la be wòato ayi ŋgɔ o, eya ta meto balime la le zã me henɔ ŋku lém ɖe gli la ŋu. Mlɔeba la, metrɔ gava to Balimegbo la me heva aƒe me.
Dua ŋu dzɔlawo menya be medo go de afi siawo o, eye womenya nu si ta mede o, elabena nyemegblɔ nya aɖeke na Yudatɔwo, nunɔlawo, bubumewo kple dɔnunɔlawo tso nye ɖoɖowo ŋu haɖe kura o. Nyemegblɔe na ame siwo le dɔa wɔ ge gɔ̃ hã o.
Megblɔ na wo azɔ be, “Mienya dzɔgbevɔ̃e si dzɔ ɖe Yerusalem dzi nyuie. Dua gbã, eye agboawo fia. Miva, mina míagbugbɔ Yerusalem ƒe gli aɖo, eye míaɖe ŋukpe sia ɖa le mía dzi!”
Megblɔ ale si Mawu ƒe amenuveve ƒe asi le dzinyee kple ale si fia la gblɔ nam hã na wo. Woɖo eŋuti enumake be, “Enyo! Mina míagbugbɔ gli la aɖo!” Ale míedze dɔ nyui sia gɔme.
Ke esi Sanbalat Horonitɔ kple Tobia Amonitɔ kple Gesem Arabiatɔ la, se nye ɖoɖoawo la, woɖu fewu le mía ŋu hegblɔ be, “Nu kae nye esi wɔm miele hele aglã dzem ɖe fia la ŋu ale?”
Ke meɖo eŋu be, “Dziƒo ƒe Mawu la ana dzidzedze mí eƒe dɔlawo míagbugbɔ gli sia aɖo, ke miawo la, miaƒe asi manɔ dɔ sia me loo alo miakpɔ gome le Yerusalem alo axɔ ŋkɔ le ewɔwɔ me alo eƒe ɖe nanye mia tɔ o.”
Gliɖolawo
Eliasib, nunɔlagã la kple nunɔla bubuwo gbugbɔ Alẽgbo la ƒe sɔtiwo tu, eye wode ʋɔtruwo eŋu nyuie hekɔ eŋuti tso Alafa ɖeka mɔ la gbɔ va se ɖe Hananel mɔ la gbɔ. Yerikotɔwo kple Zakur, Imri ƒe vi la, ƒe dɔwɔlawo kpe ɖe ameawo ŋu le dɔ la wɔwɔ me.
Hasenaa ƒe viwo ɖo Tɔmelãgbo la. Wolã xɔtutiwo, de ʋɔtruawo, eye wode ʋɔtruŋugawo kple ʋɔmedegawo wo ŋu. Meremot, Uria ƒe vi kple Hakɔz ƒe tɔgbuiyɔvi wogbugbɔ gli la ƒe akpa si kplɔe ɖo la ɖo, eye Mesulam, Berekia ƒe vi kple Mesezabel ƒe tɔgbuiyɔvi kple Zadok, Baana ƒe vi, hã woɖo gli la ƒe akpa bubuwo. Ame siwo ɖo gli kplɔ wo ɖo la woe nye, Tekoa ŋutsuwo, gake woƒe bubumewo mede ta dɔ la me le woƒe dzikpɔlawo te o.
Yoiada, Pasea ƒe vi kple Mesulam, Besodeia ƒe vi wodzra Agbo Xoxo la ɖo. Wotu atiawo, de ʋɔtruawo agbo la nu, eye wode ʋɔtruŋugawo kple ʋɔmedegawo. Ame siwo wɔ dɔ ɖe wo yome la woe nye Melatia tso Gibeon, Yadon tso Meronot kple ŋutsu siwo tso Gibeon kple Mizpa; teƒe siawo katã le mɔmefia si le Frat Tɔsisi la godo la te. Uziel, Harhaia ƒe vi si nye sikaɖaŋuwɔlawo dometɔ ɖeka la hã wɔ dɔ le gliawo ŋu. Ame si wɔ dɔ kplɔe ɖo lae nye Hananiya, amiʋeʋĩwɔla aɖe. Woɖɔ gli la ɖo tso Yerusalem va se ɖe keke Gli Gbadza la gbɔ ke. Tso afi sia la, Refaya si nye Hur ƒe vi, ame si nye Yerusalem nuto la ƒe afã dziɖula la ɖo gli la ƒe akpa aɖe. Le eya megbe la, Yedaia, Harumaf ƒe vi ɖɔ gli si dze ŋgɔ eƒe aƒe la ɖo. Ame si wɔ dɔ kplɔe ɖo lae nye Hatus, Hasabnia ƒe vi. Ame siwo kplɔ eya hã ɖo lae nye Malkiya, Harim ƒe vi kple Hasub, Pahat Moab ƒe vi, ame si dzra Dzokpomɔ la ɖo kpe ɖe gli la ɖoɖo ŋu. Salum, Halohes ƒe vi, ame si nye Yerusalem nuto la ƒe afã evelia dziɖula la kple via nyɔnuwo dzra gli la ƒe akpa si le Dzokpomɔ la megbe ɖo.
Ame siwo gbugbɔ Balimegbo la ɖɔɖola woe nye Hanun kple Zanoatɔwo. Wode agbomedegawo kple ʋɔmedegawo eŋu. Azɔ la, wogbugbɔ gli la ƒe akpa si ƒe didime anɔ abe mita alafa ene blaatɔ̃ ene la tu va se ɖe Aɖukpogbo la nu.
Malkiya, Rekab ƒe vi, ame si nye Bet Hakerem dziɖula la gbugbɔ Aɖukpogbo la tu, de ʋɔtruwo enu, eye wòde ʋɔtruŋugawo kple ʋɔmedegawo ʋɔtruawo ŋu.
Salum, Kol Hoze ƒe vi, ame si kpɔa Mizpa nuto la dzi la wɔ dɔ le Tsidzidzigbo la ŋu. Egbugbɔe tu, gbae, hede ʋɔtru, ʋɔtruŋugawo kple ʋɔmedegawo wo ŋu. Azɔ la, egbugbɔ gli la ɖo tso Siloam Ta la ŋu yi fia la ƒe abɔ gbɔ kple atrakpui siwo ɖiɖi tso Yerusalem ƒe akpa si nye Fia David ƒe du la me. Le eya megbe la, Azbuk ƒe vi, Nehemia, ame si nye Bet Zur nuto la ƒe afã dziɖula la ɖo gli la va se ɖe teƒe si dze ŋgɔ David ƒe yɔdokpewo gbɔ heyi Tsita si amewo ɖe kple Kalẽtɔwo ƒe Aƒe gbɔ ke.
Emegbe la, Levitɔ aɖewo wɔ dɔ le Rehum, Bani ƒe vi, te. Le woawo megbe la, Hasabia, ame si nye Keila nuto la ƒe afã dziɖula la kpɔ gli la ɖoɖo dzi le eya ŋutɔ ƒe nuto me. Ame siwo kplɔe ɖo la woe nye eƒe hlɔ̃metɔwo. Wowɔ dɔ le Bawai, Henadad ƒe vi, ame si nye Keila nuto la ƒe afã evelia dziɖula la ƒe dzikpɔkpɔ te.
Dɔwɔla siwo kplɔ wo ɖo la nɔ Ezer, Yesua ƒe vi, Mizpa dziɖula ƒe kpɔkplɔ te. Wowɔ dɔ le gli la ŋu tso Aʋawɔnuxɔ la gbɔ le gli la ƒe dzogoe dzi. Emegbe la, Baruk, Zebai ƒe vi, ɖo gli la tso dzogoe la dzi yi Eliasib, nunɔlagã la, ƒe aƒe gbɔ. Meremot, Uria ƒe vi kple Hakɔz ƒe tɔgbuiyɔvi, woɖo gli la ƒe akpa aɖe tso Eliasib ƒe aƒe ƒe agbo ƒe kasa yi aƒe la xa.
Ame siwo wɔ dɔ kplɔ wo ɖo la woe nye nunɔla siwo tso nuto siwo ƒo xlã wo la me. Benyamin, Hasub kple Azaria, Maaseya ƒe vi kple Anania ƒe tɔgbuiyɔvi woɖo gli la ƒe akpa siwo to woƒe aƒewo ŋu. Le woawo yome la, Binui, Henadad ƒe vi ɖo gli la tso Azaria ƒe aƒe gbɔ yi dzogoe la dzi, eye Palal, Uzai ƒe vi, ɖoe tso dzogoe la dzi yi ɖatɔ fia la ƒe mɔ ƒe xɔ kɔkɔtɔ gbɔ le gaxɔ la ƒe gɔmeɖokpe gbɔ, eye Pedaya, Paros ƒe vi kplɔe ɖo. Gbedoxɔmedɔwɔla siwo nɔ Ofel togbɛ dzi la, gbugbɔ gli la ɖo va ɖo Tsigbo ɣedzeƒetɔ la kple mɔ la ƒe xɔ tsrala gbɔ. Tekoatɔwo kplɔ wo ɖo. Woɖo gli la ƒe akpa si le Mɔ la ƒe Xɔ kɔkɔ la ƒe akpa kemɛ yi ɖatɔ Ofel ƒe gli la.
Le Sɔgbo la tame, nunɔlawo ɖɔ gli si le wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe aƒe ŋgɔ la ɖo. Zadok, Imer ƒe vi, hã gbugbɔ gli si le eƒe aƒe kasa la ɖo. Semaya, Sekania ƒe vi, Ɣedzeƒegbo la ŋudzɔla, kplɔe ɖo. Le esia yome Hananiya, Selemia ƒe vi, Hanun, Zalaf ƒe viŋutsu adelia kple Mesulam, Berekia ƒe vi woɖo gli la le woƒe aƒewo ŋu. Malkiya, sikaɖaŋuwɔlawo dometɔ ɖeka ɖo gli la va ɖo keke gbedoxɔmedɔwɔlawo ƒe nɔƒe kple asitsalawo ƒe takpeƒe le “Mustagbo” la ƒe akpa kemɛ heyi dziƒoxɔ la gbɔ le dzogoe la dzi. Sikaɖaŋuwɔla kple asitsala bubuawo wu gli la nu tso dzogoe ma dzi yi ɖatɔ Alẽgbo la.
Tsitretsitsi ɖe gli la gbugbɔɖo ŋuti
Esime Sanbalat se be míegbugbɔ gli la nɔ ɖoɖom la, edo dɔmedzoe ŋutɔ. Edzu mí, ɖu fewu le Yudatɔwo ŋu le xɔlɔ̃awo kple Samariatɔwo ƒe asrafoha la ŋkume be, “Nu ka Yudatɔ gblɔe siawo bu be yewole wɔwɔm? Ɖe wobu be yewoate ŋu agbugbɔ gli la aɖo le ŋkeke ɖeka me ne yewosa vɔ geɖewoa? Mikpɔ kpe ƒodzo siwo wole ɖeɖem le gli gbagbãwo me hegale wo ŋu dɔ wɔm ɖa!”
Tobia, Amonitɔ la tsi tsitre ɖe egbɔ, eye eya hã gblɔ fewuɖutɔe be, “Ne abei aɖe gɔ̃ hã zɔ woƒe gli dzi la, gli la amu gbloo!”
Ale medo gbe ɖa na Mawu be, “Oo, Aƒetɔ mía Mawu, ɖo to mí, elabena wole fewu ɖum le mía ŋu. Na woƒe fewuɖuɖu natrɔ adze woawo ŋutɔ ƒe ta dzi, eye woaɖe aboyo wo ayi dzronyigba aɖe dzi. Mègaŋe aɖaba ƒu woƒe vodadawo dzi o, eye mègatutu woƒe nu vɔ̃wo ɖa le ŋkuwò me o, elabena wodo vlo wò, to vlododo mí, ame siwo le wò gli la ɖom la me.”
Mlɔeba la, míewu gli la nu ƒo xlã du blibo la wòkɔ abe tsãtɔ ƒe kɔkɔme ƒe afã ene, elabena dɔa wɔlawo wɔ dɔ sesĩe kple moveviɖoɖo.
Ke esi Sanbalat kple Tobia kple Arabiatɔwo kple Amonitɔwo kple Asdodtɔwo se be dɔa le edzi yim nyuie, eye wogbugbɔ gli la ƒe gbagbãƒewo le ɖoɖom la, wodo dɔmedzoe vevie. Woɖo be yewoatsɔ aʋakɔ aɖe aho aʋa ɖe Yerusalem ŋu, eye yewoahe ʋunyaʋunya kple tɔtɔ vɛ. Ke míedo gbe ɖa na míaƒe Mawu, eye míedzɔ dua ŋu zã kple keli be míanɔ dedie.
Ame siwo nɔ Yuda gblɔ be, “Ŋusẽ le vɔvɔm le dɔwɔlawo ŋu, eye gli gbagbã si woli kɔe la sɔ gbɔ ale gbegbe be míate ŋu agbugbɔ gli la aɖo o.” Gawu la, míaƒe futɔwo nɔ ta me ɖom be yewoadze mía dzi, awu mí ale be míaƒe dɔ la wɔwɔ natɔ. Tete Yudatɔ siwo nɔ wo dome la va gblɔ na mí zi ewo be, “Woatso teƒe vovovowo ava dze mía dzi.” Ale meda dzɔla siwo si yi, akplɔ kple dati nɔ la tso ƒome ɖe sia ɖe me ɖe gli la megbe le teƒe siwo gli gbagbãwo meli kɔ ɖo o.
Mebu nu si le edzi yim la ŋuti nyuie, eye metsi tsitre gblɔ na bubumewo, dɔnunɔlawo kple ame haho la be, “Migavɔ̃ na wo o. Miɖo ŋku Aƒetɔ si sẽ ŋu, eye ŋɔdzi le eŋuti la dzi ne miawɔ aʋa ɖe mia nɔviŋutsuwo, mia viŋutsuwo, mia vinyɔnuwo, mia srɔ̃wo kple miaƒe aƒewo ta.”
Esi míaƒe futɔwo se be míenya nu tso yewoƒe ɖoɖowo ŋu, eye be Mawu ɖe yewoƒe ɖoɖowo fia mí, eye wògblẽ wo me la, mí katã míetrɔ va yi gli la ɖoɖo dzi. Tso gbe ma gbe dzi la, dɔwɔlawo ƒe afã koe wɔa dɔ la, eye afã mamlɛa léa akplɔwo, akpoxɔnuwo, aŋutrɔwo kple lãnu bubuwo ɖe asi henɔa Yudatɔ, siwo le gli la ɖom la megbe. Ame siwo nɔ kɔ lɔm la hã wɔa dɔ kple asi ɖeka, eye woléa aʋawɔnu ɖe asi evelia. Ke ame siwo nɔ gli la ɖom ya ta yi ɖe ali hafi nɔ dɔ la wɔm. Ke kpẽkula ya nɔ nye axadzi.
Meɖe eme na bubumeawo, dɔnunɔlawo kple ame haho la be, “Dɔ la keke ta, míema ɖe eŋuti ale mía dome didi tso mía nɔewo gbɔ le gli la ŋuti, eya ta ne mienya se kpẽa ƒe ɖiɖi ko la, miƒu du va mía gbɔ afii. Míaƒe Mawu la awɔ aʋa na mí!”
Ale míeyi dɔ la wɔwɔ dzi; ŋutsu afã lé akplɔwo ɖe asi tso agudzeɣi va se ɖe esime ɣletiviwo nato. Megblɔ na ame siwo katã le gli la godo be woava Yerusalem du la me ale be woƒe subɔlawo nate ŋu adzɔ du la ŋu le zã me, eye woawɔ dɔ le ŋkeke me. Le ɣeyiɣi sia me la, mía dometɔ aɖeke, nye ŋutɔ kple nɔvinyewo kple subɔlawo kple duŋudzɔla siwo nɔ gbɔnye la, míeɖea awu ɖi o, eye aʋawɔnuwo nɔa mía ŋu ɣe sia ɣi ne míeyi tsinoƒe gɔ̃ hã.
Nehemia kpe ɖe ame dahewo ŋu
Ŋutsuwo kple wo srɔ̃wo tsitre ɖe wo nɔvi Yudatɔwo ŋu. Ɖewo le gbɔgblɔm be, “Míawo, mía viŋutsuwo kple mía vinyɔnuwo sɔ gbɔ ŋutɔ, gake be míakpɔ nu aɖu, atsi agbe la, ele na mí be míadi bli.” Bubuwo hã le gbɔgblɔm be, “Míetsɔ míaƒe agblewo, waingblewo kple míaƒe aƒewo ɖo awɔbae be míaxɔ bli le dɔŋɔli sia.” Ame bubuwo hã le gbɔgblɔm be, “Ele na mí be míado ga axe adzɔgae na fia la ɖe míaƒe agblewo kple waingblewo ta.”
Ame daheawo gblɔ be, “Wo nɔviwo míenye, eye mía viwo le ko abe woawo hã tɔwo ke ene. Ke ele be míadzra mía viŋutsuwo kple mía vinyɔnuwo hafi ate ŋu aɖu nu. Míedzra mía vinyɔnu aɖewo xoxo, eye míagate ŋu axɔ wo o, elabena míetsɔ míaƒe agblewo ɖo awɔbae na ame siawo ke!”
Esi mese nya sia la, medo dɔmedzoe vevie. Esi mebu nu siawo katã ŋuti vɔ la, mebu fɔ bubumewo kple dɔnunɔlawo. Megblɔ na wo be, “Miele miawo ŋutɔ mia nɔviwo bam!” Ale meyɔ takpekpe gã aɖe na ame hahoawo ne maɖɔ nya sia ɖo. Meka mo na wo be, “Abe ale si ke ŋutete le mía si ene ko la, miegbugbɔ mía nɔvi Yudatɔ siwo wodzra ɖe dukɔ bubuwo me la ƒle. Ke azɔ la, miegale wo dzram ale be woagbugbɔ wo agadzra na mi!” Wo katã wozi ɖoɖoe, elabena womekpɔ nya aɖeke agblɔ o.
Meyi edzi gblɔ na wo be, “Nu si wɔm miele la nye nu vɔ̃. Ɖe miazɔ le mawuvɔvɔ̃ me oa? Ɖe futɔ, siwo le didim be yewoatsrɔ̃ mí la mesɔ gbɔ le mía ŋuti le dukɔ siwo ƒo xlã mí la me xoxo oa? Mí ame bubuawo ya míele ga kple nuɖuɖu dom na mía nɔvi Yudatɔwo, eye míele deme aɖeke xɔm o. Meɖe kuku na mi, bubumewo, midzudzɔ amebaba sia tɔgbi! Migbugbɔ ame daheawo ƒe agblewo, waingblewo, amitigblewo kple aƒewo na wo egbe sia, eye deme alafa ɖekalia si miexɔna ɖe ga, bli, wain yeye kple ami dzi la natɔ.”
Wolɔ̃ ɖe nya sia dzi, eye wodo ŋugbe be yewoakpe ɖe yewo nɔviwo ŋuti, eye yewomagana be woatsɔ woƒe anyigbawo aɖo awɔba, eye woadzra wo viwo na amewo o.
Ale meyɔ Osɔfowo, bubumewo kple dɔnunɔlawo, eye mena kesinɔtɔ siawo ɖe adzɔgbe be yewoawɔ yewoƒe ŋugbedodo dzi. Meʋuʋu nye awutoga hegblɔ na wo be, “Alea kee Mawu aʋuʋu ame sia ame si mawɔ ɖe ŋugbedodo sia dzi o la, ado goe le eya ŋutɔ ƒe aƒe me, hekpe ɖe eƒe nunɔamesiwo ŋu, eya ta nenem ƒe ame ma woatrɔe akɔ ɖi, eye woaɖi gbɔloe!”
Esi megblɔ esia vɔ la, ame haho la katã xɔ ɖe edzi be, “Amen.” Wo katã wokafu Yehowa, eye ameawo wɔ abe ale si wodo ŋugbee ene.
Le ƒe wuieve siwo me menye mɔmefia na Yuda, tso Artazerses ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaevelia me va se ɖe ƒe blaetɔ̃-vɔ-evelia me la, nye kple nye kpeɖeŋutɔwo siaa míexɔ fetu aɖeke alo kpekpeɖeŋu aɖeke tso Israelviwo gbɔ o. Esia to vovo sãa tso mɔmefia siwo do ŋgɔ nam la ƒe wɔnawo gbɔ. Woawo xɔa nuɖuɖu kple wain kple klosaloga blaene gbe sia gbe le dukɔa si. Wotsɔ ameawo de asi na woƒe kpeɖeŋutɔwo, eye wowɔa fu ameawo. Ke nye la, mevɔ̃a Mawu, eye nyemewɔ nenema o. Mekpe asi ɖe gli la ɖoɖo ŋu, eye nyemedi anyigba aɖeke be maƒle na ɖokuinye o. Mena nye kpeɖeŋutɔwo hã kpe asi ɖe gli la ɖoɖo ŋu.
Mewɔ esiawo katã togbɔ be menaa nuɖuɖu Yudatɔ alafa ɖeka kple blaatɔ̃ (150) gbe sia gbe kpe ɖe amedzro siwo tsoa anyigba bubuwo dzi ŋu hã. Nu siwo mehiãna gbe sia gbe la woe nye nyitsu ɖeka, alẽ dami ade kple koklo geɖewo, eye le ŋkeke ewo ɖe sia ɖe me la, mehiãa wain lita geɖe. Ke nyemeda nudzɔdzɔ tɔxɛ ɖe ameawo dzi o, elabena nuwo nɔ sesẽm na wo xoxo.
O! Nye Mawu, ɖo ŋku nu siwo katã mewɔ na ame siawo la dzi, eye nàyram ɖe wo ta.
Tsitretsitsi ɖe gli la ɖoɖo ƒe dziyiyi ŋuti
Esi Sanbalat kple Tobia kple Gesem, Arabiatɔ la kple míaƒe futɔ mamlɛawo se be, esusɔ vie ko míawu gli la ɖoɖo nu, eye gbagbãƒe aɖeke megasusɔ o, togbɔ be míede ʋɔtru agboawo nu o hã la, Sanbalat kple Gesem ɖo du ɖem be, “Va do go mí le kɔƒeawo dometɔ ɖeka me le Ono tagba,” gake ɖe woɖo be yewoawɔ nuvevim, eya ta megblɔ ɖo ɖe wo be, “Mele dɔ gã aɖe wɔm! Nyemate ŋu aɖe asi le dɔ la ŋu ava o. Nu ka tae maɖe asi le dɔ la ŋu ava do go mi ɖo?” Woɖo du ma ke ɖem zi ene, eye nye hã meɖo ŋuɖoɖo ma ke ɖe wo ɣe sia ɣi.
Ke zi atɔ̃lia la, Sanbalat ɖo eƒe dɔla ɖem kple gbedeasi ma ke, eye wòlé agbalẽ si nu wometre o la ɖe asi. Eme nyawoe nye:
“Woɖe gbeƒã le dukɔwo dome be wò kple Yudatɔwo mieɖo be yewoadze aglã, eya ta miele gli la ɖɔm ɖo. Gesem ɖo kpe edzi be ele eme. Gawu la, le nya siwo gblɔm wole nu la, esusɔ vie woatsɔ wò aɖo woƒe fiae, eye kura gɔ̃ hã la, èɖo Nyagblɔɖilawo be woaɖe gbeƒã nya sia le Yerusalem be, ‘Fia le Yuda si!’ Azɔ la, nutsotso sia aɖo fia gbɔ, eya ta va, ne miade aɖaŋu.”
Nye ŋuɖoɖoe nye, “Wò ŋutɔ ènya be alakpa sɔŋ ko dam yele, nyateƒe aɖeke kura mele nya blibo sia me o.”
Wo katã wole agbagba dzem be woado ŋɔdzi na mí hesusu be, “Woƒe alɔwo ado agblɔ le dɔ la ŋu, eye womate ŋu awu enu o.”
Ke medo gbe ɖa be, “Do ŋusẽ nye alɔwo azɔ.”
Gbe ɖeka la, meɖi tsa yi Semaya, Delaya ƒe vi, ame si nye Mehetabel ƒe tɔgbuiyɔvi, ame si tu ʋɔ ɖe eɖokui nu le eƒe aƒe me la gbɔ, elabena egblɔ nam be, nya aɖe tso Mawu gbɔ gbɔna na ye. Esi meɖo la, egblɔ nam be, “Na míayi aɖabe ɖe gbedoxɔ la me, eye míatu ʋɔtruawo goŋgoŋgoŋ, elabena wogbɔna be woawu mí le zã sia me.”
Gake meɖo eŋu nɛ be, “Ɖe ame abe nye ene masia? Alo ɖe ame abe nye ene mayi gbedoxɔ me be maɖe nye agbea? Gbeɖe, nyemayi o!” Mekpɔe dze sii be, Mawu medɔe o, ke boŋ egblɔ nya ɖi nam, elabena Tobia kple Sanbalat wodɔe be wòagblɔ nya sia ɖi. Ɖe wodae be wòado ŋɔdzi nam ne mawɔ nu vɔ̃ to nu sia wɔwɔ me, eye woaɖe vɔ̃e nam, aƒo ɖi nye ŋkɔ.
Medo gbe ɖa be, “O! Nye Mawu, mègaŋlɔ Tobia, Sanbalat, Noaɖia, nyagblɔɖila la kple nyagblɔɖila bubu siwo katã dze agbagba be yewoado ŋɔdzi nam la ƒe nu vɔ̃wo be o.”
Wowu gli la ɖoɖo nu
Míewu gli la ɖoɖo nu le ɣleti Elul ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-atɔ̃lia gbe le ŋkeke blaatɔ̃ vɔ eve ƒe dɔwɔwɔ megbe.
Esi míaƒe futɔwo kple dukɔ siwo ƒo xlã mí se be míegbugbɔ gli la ɖo vɔ la, vɔvɔ̃ ɖo wo, eye dzi ɖe le wo ƒo, elabena wodze sii be míaƒe Mawu ƒe kpekpeɖeŋue na míete ŋu wu dɔ la nu. Le ŋkeke blaatɔ̃ vɔ eve siawo me la, agbalẽŋɔŋlɔ nɔ Tobia kple Yudatɔwo ƒe dunyahela kesinɔtɔwo dome. Eva eme alea elabena Yudatɔ geɖewo ka atam na Tobia le esi toa nye Sekania, Ara ƒe vi, eye via Yehohanan ɖe Mesulam, Berekia ƒe vi ƒe nyɔnuvi la ta. Gawu la, wo katã woɖia ɖase nam enuenu tso eƒe dɔ nyuiwo wɔwɔ ŋu, eye wotoa nya siwo katã megblɔna la hã nɛ. Ale Tobia ɖo agbalẽwo ɖa be wòatsɔ ado ŋɔdzi nam.
Aboyome siwo gbɔ la ƒe ŋkɔwo
Esi míewu gli la ɖoɖo nu, de ʋɔtru agboawo nu, eye míetia agbonudzɔlawo, hadzilawo kple Levitɔwo la, metsɔ Yerusalem dzikpɔkpɔ de asi na nɔvinye Hanani kple Hananiya, ame siwo nye mɔ la dzikpɔlawo. Wonye nuteƒewɔla siwo vɔ̃a Mawu wu ame geɖewo. Mede se na wo be, womaʋu Yerusalem ƒe agboawo o va se ɖe esime ɣe nadze nyuie hafi, eye woatu wo, ade ga wo me le esime dzɔlawo aganɔ gliawo ŋu dzɔm ko. Mede se hã be ele be dzɔlawo nanye Yerusalemtɔwo, eye woawɔ dɔ edziedzi. Hekpe ɖe esia ŋu la, ele be ame sia ame si ƒe aƒe te ɖe gli la ŋu la, nadzɔ gli la ƒe akpa si tsɔ ɖe egbɔ la ŋu. Du la lolo, gake emenɔlawo mesɔ gbɔ o, xɔawo hã mesɔ gbɔ o, ke boŋ woɖe ɖe aga tso wo nɔewo gbɔ le du la me. Nye Mawu dae ɖe nye dzi dzi be mayɔ takpekpe na bubumewo, dɔnunɔlawo kple ame hahoawo ne woaŋlɔ ŋkɔ ɖe woƒe ƒomeawo me. Mekpɔ ame gbãtɔ siwo gbɔ tso aboyome la ƒe dzidzimegbalẽ. Nu siwo woŋlɔ ɖe eme la woe nye.
Yudatɔ siwo Nebukadnezar, Babilonia fia, ɖe aboyoe, eye wotrɔ gbɔ va Yudanyigba dzi la ƒe kplɔlawoe nye, Zerubabel, Yesua, Nehemia, Azaria, Raamia, Nahamani, Mordekai, Bilsan, Misperet, Bigvai, Nehum kple Baana.
Israel ƒe ame bubu siwo gbɔ le ɣe ma ɣi la ƒe ƒomeawo kple xexlẽme le ale:
Paros ƒe viwo le ame akpe eve alafa ɖeka kple blaadre-vɔ-eve (2,172).
Sefatia ƒe viwo le ame alafa etɔ̃ kple blaadre-vɔ-eve (372).
Ara ƒe viwo le ame alafa ade kple blaatɔ̃ vɔ eve (652).
Yesua kple Yoab ƒe vi siwo do tso Pahat Moab me la le ame akpe eve alafa enyi kple wuienyi (2,818).
Elam ƒe viwo le ame akpe ɖeka alafa eve kple blaatɔ̃-vɔ-ene (1,254).
Zatu ƒe viwo le ame alafa enyi kple blaene-vɔ-atɔ̃ (845).
Zakai ƒe viwo le ame alafa adre kple blaade (760).
Binui ƒe viwo le ame alafa ade kple blaene-vɔ-enyi (648).
Bebai ƒe viwo le ame alafa ade kple blaeve-vɔ-enyi (628).
Azgad ƒe viwo le ame akpe eve alafa etɔ̃ kple blaeve-vɔ-eve (2,322).
Adonikam ƒe viwo le ame alafa ade kple blaade-vɔ-adre (667).
Bigvai ƒe viwo le ame akpe eve kple blaade-vɔ-adre (2,067).
Adin ƒe viwo le ame alafa ade kple blaatɔ̃ vɔ atɔ̃ (655).
Ater dzidzimeviwo, to Hezekia dzi, ame blaasieke-vɔ-enyi (98).
Hasum ƒe viwo le ame alafa etɔ̃ kple blaeve-vɔ-enyi (328).
Bezai ƒe viwo le ame alafa etɔ̃ kple blaeve-vɔ-ene (324).
Harif ƒe viwo le ame alafa ɖeka kple wuiene (112).
Gibeon ƒe viwo le ame blaasieke-vɔ-atɔ̃ (95).
Betlehemtɔwo kple Netofatɔwo le ame alafa ɖeka kple blaenyi-vɔ-enyi (188).
Ame siwo tso Anatɔt le ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-enyi (128).
Bet Azmavetɔwo le ame blaene-vɔ-eve (42).
Kiriat Yearim, Kefira kple Beerottɔwo le ame alafa adre kple blaene-vɔ-etɔ̃ (743).
Rama kple Gebatɔwo le ame alafa ade kple blaeve-vɔ-ɖekɛ (621).
Ame siwo tso Mikmas le ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-eve (122).
Betel kple Aitɔwo le ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-etɔ̃ (123).
Nebotɔwo le ame blaatɔ̃ vɔ eve (52).
Elam ƒe viwo le ame akpe ɖeka alafa eve kple blaatɔ̃-vɔ-ene (1,254). Harim ƒe viwo le ame alafa etɔ̃ kple blaeve (320).
Yeriko ƒe viwo le ame alafa etɔ̃ kple blaene-vɔ-atɔ̃ (345).
Lod, Hadid kple Ono ƒe viwo le ame alafa adre kple blaeve-vɔ-ɖekɛ (721).
Senaa ƒe viwo le ame akpe etɔ̃ alafa asieke kple blaetɔ̃ (3,930).
Nunɔla siwo gbɔ la ƒe ƒometɔwo ƒe xexlẽme le ale:
(Yesua ƒe vi siwo do tso) Yedaia ƒe viwo me la le ame alafa asiekɛ kple blaadre-vɔ-etɔ̃ (973).
Imer ƒe viwo le ame akpe ɖeka kple blaatɔ̃ vɔ eve (1,052).
Pasur ƒe viwo le ame akpe ɖeka alafa eve kple blaene-vɔ-adre (1,247).
Harim ƒe viwo le ame akpe ɖeka kple wuiadre (1,017).
Levitɔ siwo gbɔ la ƒe hlɔ̃wo kple woƒe xexlẽmewo le ale: Kadmiel ƒe vi siwo do tso Hodavia kple Yesua ƒe hlɔ̃ me la le ame blaadre-vɔ-ene (74).
Hadzilawo:
Asaf ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-enyi (148).
Agbonudzɔla siwo tso Salum, Ater, Talmon, Akub, Hatita kple Sobai ƒe ƒomeawo me la le ame alafa ɖeka blaetɔ̃-vɔ-enyi (138).
Gbedoxɔmedɔwɔlawo tso ƒome siawo me:
Ziha, Hasufa, Tabaot,
Keros, Sia, Paɖɔn,
Lebana, Hagaba, Salmai,
Hanan, Gidel, Gahar,
Reaia, Rezin, Nekoda,
Gazam, Uza, Pasea,
Besai, Meunim, Nefuesim,
Bakbuk, Hakufa, Harhur,
Bazlut, Mehida, Harsa,
Barkos, Sisera, Tema,
Nezia kple Hatifa.
Solomo ƒe dɔlawo ƒe dzidzimevi siwo gbɔ va Yuda la woe nye:
Sotai, Soferet, Perida,
Yaala, Darkon, Gidel,
Sefatia, Hatil,
Pokeret Hazebaim kple Amon.
Gbedoxɔmedɔwɔlawo kple Solomo ƒe subɔlawo ƒe dzidzimeviwo le ame alafa etɔ̃ kple blaasiekɛ-vɔ-eve (392).
Ame siwo ƒe ŋkɔwo gbɔna la tso Tel Mela, Tel Harsa, Kerub, Adon kple Imer, gake womate ŋu agblɔ nenye be woƒe ƒome do tso Israel ƒe toawo me o.
Delaya, Tobia kple Nekoda ƒe dzidzimeviwo de ame alafa ade kple blaene-vɔ-eve (642).
Wotsɔ Habaya, Hakɔz kple Barzilai ƒe ŋkɔwo na nunɔla aɖewo ƒe ƒomeawo.
Barzilai ɖe Barzilai, Gileadtɔ la ƒe vinyɔnu ɖeka, eye wòtsɔ srɔ̃a ƒe ƒomeŋkɔ.
Ame siawo tsa di woƒe ƒomegbalẽwo, gake womeke ɖe wo ŋu o, ale woɖe wo ɖa tso nunɔlawo ƒe ha me be wo ŋuti mekɔ o. Ale mɔmefia la de se na wo be, womekpɔ mɔ aɖu nu kɔkɔewo ƒe ɖeke o va se ɖe esime woɖo nunɔla si atsɔ Urim kple Tumim abia gbe Mawu hafi.
Ame siwo katã gbɔ la ƒe xexlẽme le akpe blaene-vɔ-eve alafa etɔ̃ kple blaade (42,360). Woƒe ŋutsudɔlawo kple nyɔnudɔlawo le ame akpe adre alafa etɔ̃ kple blaetɔ̃-vɔ-adre (7,337) kple hadzila alafa eve kple blaene-vɔ-atɔ̃ (245), ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa ŋu. Wogbɔ kple sɔ alafa adre kple blaetɔ̃ vɔ ade (736), kposɔ alafa eve kple blaene-vɔ-atɔ̃ (245), kposɔ alafa ene kple blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ (435) kple tedzi akpe ade alafa adre kple blaeve (6,720).
Ƒometatɔ aɖewo na nu hena dɔ la dziyiyi. Gɔvina la na sika kilogram enyi kple afã, agba blaatɔ̃ kple nunɔlawo ƒe awudodo alafa atɔ̃ blaetɔ̃ (530). Kplɔla bubuwo na sika kilogram alafa ɖeka kple blaade-vɔ-enyi (168) kple klosalo kilogram akpe ɖeka alafa eve kple blaatɔ̃ (1,250). Ame bubuawo na sika kilogram alafa ɖeka kple blade-vɔ-enyi (168), klosalo kilogram alafa ɖeka kple blaene (140) kple osɔfowo ƒe awudodo blaade-vɔ-adre.
Nunɔlaawo, Levitɔwo, hadzilawo, agbonudzɔlawo kple gbedoxɔmesubɔlawo yi ɖanɔ woƒe duwo me kple gbɔgbɔla bubuwo, eye Israelvi mamlɛawo yi ɖanɔ woƒe duwo me.
Ezra xlẽ Se la na ameawo
Le ɣleti adrelia me esi Israelviwo yi woƒe duwo me vɔ la,
wo katã wova ƒo ƒu ɖe ablɔ si dze ŋgɔ Tsigbo la me. Wogblɔ na agbalẽfiala Ezra be wòatsɔ Mose ƒe Segbalẽ, si Yehowa tsɔ na Israelviwo la vɛ.
Ale le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, nunɔla Ezra tsɔ Segbalẽ la do goe ɖe ameha la ŋkume, ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ame siwo katã ate ŋu ase nu gɔme la woe ƒo ƒu. Exlẽe na wo kple ɣli tso agudzedze va se ɖe esime ɣe ɖo to. Edze ŋgɔ ablɔ si le Tsigbo la ŋgɔ le ŋutsuwo kple nyɔnuwo kple ame siwo katã ate ŋu ase nu gɔme la ŋkume. Ameawo katã wonɔ to dzi esime wònɔ Segbalẽ la xlẽm.
Agbalẽfiala Ezra de agba kɔkɔ aɖe si wowɔ kple ʋuƒo hena ŋkekea la dzi. Matitia, Sema, Anaya, Uria, Hilkia kple Maaseya, wonɔ tsitsre ɖe eƒe ɖusime, eye Pedaya, Misael, Malkiya, Hasum, Hasbadana, Zekaria kple Mesulam wonɔ tsitre ɖe eƒe miame.
Ezra ʋu agbalẽ la. Amewo katã ate ŋu akpɔe, elabena etsi tsitre ɖe kɔkɔƒe, eye esi wòʋu agbalẽa la, ameawo katã tsi tsitre. Azɔ la, Ezra kafu Yehowa, Mawu gã la, eye ameawo katã gblɔ be, “Amen! Neva eme!” Wodo woƒe asiwo ɖe dziƒo, wobɔbɔ de ta agu, wotsyɔ mo anyi, eye wosubɔ Yehowa.
Yesua, Bani, Serebia, Yamin, Akub, Sabetai, Hodia, Maaseya, Kelita, Azaria, Yozabad, Hanan kple Pelaya, ame siwo nye Levitɔwo la, woxlẽ Se la na ameawo esi wonɔ tsitre ɖe afi ma. Woxlẽ Mawu ƒe Segbalẽ la na wo, eye woɖe eme wòkɔ ale gbegbe be, ameawo te ŋu se nu si xlẽm wole la gɔme.
Ale Gɔvina Nehemia, nunɔla kple agbalẽfiala Ezra kple Levitɔ siwo nɔ nu fiam ameawo la, gblɔ na wo katã be, “Egbee nye ŋkeke kɔkɔe na Yehowa, miaƒe Mawu la, eya ta migaxa nu alo afa avi o,” elabena ameawo katã wonɔ avi fam esi wonɔ Se la me nyawo sem.
Nehemia gblɔ na wo be, “Miyi miaɖu nuɖuɖu nyui, miano aha vivi, eye miaɖo ɖe ɖe ame siwo mekpɔ naneke ɖa o. Esia nye ŋkeke kɔkɔe na míaƒe Aƒetɔ la. Migaxa nu o, elabena dzidzɔkpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu nye miaƒe ŋusẽ.”
Levitɔwo hã fa akɔ na ameawo be, “Miɖi ɖe eme, elabena egbee nye ŋkeke kɔkɔe. Migaxa nu o.”
Ale ameawo kaka, woyi ɖadi ŋkekenyuinuwo ɖu, wono nu, eye woɖo nunanawo ɖe wo nɔewo kple hiãtɔwo. Enye dzidzɔŋkekenyui gã aɖe woɖu, elabena wokpɔ mɔnu se Mawu ƒe nya, eye wote ŋu se egɔme hã.
Esi ŋu ke la, ƒometatɔwo, nunɔlawo kple Levitɔwo ƒo ƒu, eye wona agbalẽfiala Ezra gaɖe Seawo me na wo tsitotsito. Wode dzesii le Seawo sɔsrɔ̃ me be, Yehowa de se to Mose dzi be, ele na Israelviwo be, woanɔ agbadɔwo me le Agbadɔmeŋkekenyuiwo me. Mawu gblɔ hã be, woaɖe gbeƒã le woƒe duwo katã me kple Yerusalem hã be, “Miyi toawo dzi, eye miatso amiti, gbemiti, mirteti, deti kple gboti ƒe alɔwo atu agbadɔwo, eye mianɔ wo me abe ale si woŋlɔe ɖi ene.”
Ale ameawo yi ɖatso atilɔawo hetu agbadɔwo ɖe gbadzaƒewo le xɔwo tame, ɖe xɔxɔnuwo, gbedoxɔ ƒe xɔxɔnu, ɖe gbadzaƒe si le Tsigbo la ŋgɔ kple ɖe gbadzaƒe si le Efraimgbo la ŋgɔ. Ame siwo katã trɔ tso aboyome la tu agbadɔwo, eye wonɔ wo me. Tso Yosua, Nun ƒe vi ƒe ŋkekewo me va se ɖe gbe ma gbe la, Israelviwo megaɖu azã sia kpɔ abe ale si woɖui gbe ma gbe ene o, eye woƒe dzidzɔkpɔkpɔ gbã go.
Gbe sia gbe, tso ŋkeke gbãtɔ dzi va se ɖe ŋkeke mamlɛtɔ dzi la, Ezra xlẽ Mawu ƒe Segbalẽ la na wo. Woɖu azã la ŋkeke adre, eye abe ale si wòle Sea nue ene la, woyɔ takpekpe le ŋkeke enyia gbe.
Israelviwo ʋu woƒe nu vɔ̃wo me
Le ɣleti sia ke ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-enelia gbe la, Israelviwo gava kpe ta. Azɔ la, wotsi nu dɔ, ta akpanya, eye wolɔ ke kɔ ɖe ta me. Israelviwo ɖe wo ɖokui ɖe aga tso amedzrowo gbɔ. Wotsi tsitre ɖe wo nɔƒewo, eye woʋu woawo ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ kple wo fofowo ƒe nu tovowo wɔwɔ me. Woxlẽ Seawo tso Yehowa, woƒe Mawu, ƒe Segbalẽ la me gaƒoƒo etɔ̃, eye wowɔ gaƒoƒo etɔ̃ bubu ŋu dɔ heʋu woƒe nu vɔ̃wo me hesubɔ Yehowa, woƒe Mawu la. Levitɔ aɖewo nɔ agba la dzi, eye wonɔ Yehowa kafum kple aseyetsohawo. Ame siawoe nye, Yesua, Bani, Kadmiel, Sebania, Buni, Serebia, Bani kple Kenani.
Levitɔwo ƒe kplɔlawo gblɔ na ameawo be, “Mitsi tsitre miakafu Yehowa, miaƒe Mawu la, elabena eli tso mavɔ me yi mavɔ me. Mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la! Elolo sãa wu nu si míate ŋu abu kple ale si míate ŋu agblɔ!” Kplɔla siawoe nye Yesua, Kadmiel, Bani, Hasabneia, Serebia, Hodia, Sebania kple Petahia. Ezra do gbe ɖa be, “O! Yehowa, wò ɖeka koe nye Mawu. Wòe wɔ dziƒo kple dziƒowo ƒe dziƒo, anyigba kple atsiaƒu kple nu siwo katã le wo me. Wòe kpɔa wo katã dzi, eye wòe mawudɔlawo katã subɔna.
“Wòe nye Yehowa Mawu, ame si tia Abram, eye nèkplɔe do goe tso Ur le Kaldea, eye nètrɔ ŋkɔ nɛ be Abraham. Esi wòwɔ nuteƒe na wò la, èbla nu kplii tegbee be yeatsɔ Kanaantɔwo, Hititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Yebusitɔwo kple Girgasitɔwo ƒe anyigba anae kple eƒe dzidzimeviwo tegbetegbe. Èwɔ wò ŋugbedodo dzi, elabena ènye nuteƒewɔla.
“Èkpɔ mía tɔgbuiwo ƒe fukpekpe kple nuxaxa le Egipte, eye nèse woƒe ɣlidodo tso Ƒu Dzĩ la to. Èwɔ dzesi kple nukunu triakɔwo fia Fia Farao kple eƒe amewo, elabena ènya fu siwo Egiptetɔwo nɔ wo wɔm. Èxɔ ŋkɔ gã le nu gã siwo nèwɔ, eye womaŋlɔ wo be akpɔ o la ta. Èma atsiaƒu la ɖe akpa eve me, ale be wò amewo nate ŋu azɔ anyigba ƒuƒui dzi atso atsiaƒu la! Gake ètsrɔ̃ woƒe futɔwo ɖe atsiaƒu la ƒe gogloƒe. Wonyrɔ abe kpe ene ɖe atsiaƒu la me. Ètsɔ lilikpo dodo kplɔ mía tɔgbuiwo le ŋkeke me, eye nèkplɔ wo kple dzosɔti le zã me, ale be woate ŋu akpɔ mɔ.
“Èɖiɖi va Sinai to la dzi, èƒo nu kpli wo tso dziƒo, eye nèna Se kple ɖoɖo nyui siwo le eteƒe la wo. Ède Se na wo tso Dzudzɔgbe kɔkɔe la ŋu, ède Seawo na wo to wò dɔla, Mose dzi be woawɔ wo katã dzi.
“Esi dɔ wu wo la, èna nuɖuɖu wo tso dziƒo, eye esi tsikɔ wu wo la, èna tsi wo tso agakpe la me. Èɖe gbe na wo be woayi aɖaxɔ anyigba si nèka atam be yeana wo. Ke mía tɔgbuiwo nye dadalawo kple kɔlialiatɔwo, eye wogbe toɖoɖo wò Seawo.
“Wogbe wò Seawo dzi wɔwɔ, eye womebu nukunu siwo nèwɔ le wo dome o, ke boŋ wodze aglã, eye wotia kplɔla aɖe be wòakplɔ yewo atrɔ ayi kluvinyenye me le Egipte! Ke tsɔtsɔke ƒe Mawu kple amenuvela nènye. Mèdoa dɔmedzoe kabakaba o; lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ sɔ gbɔ le mewò, eya ta megble wo ɖi o, togbɔ be wowɔ sikanyivilegba, eye wogblɔ be ‘Esiae nye míaƒe mawu! Eyae kplɔ mi tso Egipte’ hã. Wowɔ nu vɔ̃ le mɔ geɖewo nu, ke le wò amenuveve ƒe agbɔsɔsɔ ta la, mègble wo ɖi be woaku le gbedzi o! Alilĩkpododo la kplɔa wo yia ŋgɔe gbe sia gbe, eye dzosɔti la fiaa mɔ wo le zã me. Èɖo wò Gbɔgbɔ nyui la ɖa be wòafia nu wo. Mèdzudzɔ mananana wo tso dziƒo o, mèdzudzɔ tsinana wo be wòatsi woƒe tsikɔwuame nu o. Èkpɔ wo dzi ƒe blaene le gbedzi, naneke mehiã wo le ɣeyiɣi ma me o. Woƒe awuwo mevuvu o, eye woƒe afɔwo hã mete o!
“Èkpe ɖe wo ŋu woɖu fiaɖuƒe gãwo kple dukɔ geɖewo dzi, eye nèda wò amewo ɖe anyigba la ƒe dzogoe ɖe sia ɖe dzi. Woxɔ Fia Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, si nɔ Hesbon kple Ɔg, Basan fia, ƒe anyigbawo. Èna Israelviwo dzi sɔ gbɔ fũu abe dziƒoɣletiviwo ene, eye nèkplɔ wo va anyigba si ŋugbe nèdo na wo tɔgbuiwo la dzi. Èbɔbɔ dukɔ blibowo ɖe anyi le wo ŋgɔ, Kanaan fiawo kple woƒe amewo gɔ̃ hã zu ŋusẽmanɔŋutɔwo! Wò amewo xɔ du gã siwo woglã la kple agbledenyigba nyuiwo. Woxɔ aƒe geɖe siwo me nu nyuiwo abe vudo, waingblewo, amitivewo kple kutsetseti geɖewo ene la le. Ale woɖu nu ɖi ƒo, eye wò yayrawo sɔ gbɔ ɖe wo dzi.
“Ke, togbɔ be nèwɔ esiawo katã na wo hã la, wosẽ to, eye wodze aglã ɖe ŋuwò. Woɖe asi le wò sewo ŋu, wowu nyagblɔɖila siwo gblɔ na wo be woatrɔ ava gbɔwò, eye wogawɔ nu vɔ̃ vɔ̃ɖi bubu geɖewo. Ale nètsɔ wo de asi na woƒe futɔwo. Ke le woƒe xaxaɣiwo me la, wodo ɣli na wò, èse woƒe ɣlidodo tso dziƒo, eye le wò amenuveve ta la, èɖo amewo ɖa be woaɖe wo tso woƒe futɔwo ƒe
“Ke esi nuwo nɔ yiyim na wo nyuie ko la, wò amewo gatrɔ ɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ŋu, eye nègana woƒe futɔwo gaɖu wo dzi. Ke ne wò amewo trɔ va gbɔwò, ɖe kuku na wò, bia wò kpekpeɖeŋu ko la, ègaɖoa to wo tso dziƒo, eye nèɖea wo to wò amenuveve gã la me! Èhea to na wo ale be nàtrɔ wo ɖe wò seawo ŋu. Ke, togbɔ be wò seawo dzi wɔwɔe naa agbe ame hã la, wò amewo nye dadalawo, eye womeɖo to o, ke boŋ woyi nu vɔ̃ wɔwɔ dzi. Ègbɔ dzi ɖi na wo ƒe geɖewo, eye to wò Gbɔgbɔ dzi la, èna nyagblɔɖilawo ƒo nu na wo be woadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, ke womeɖo to wo o. Ale nègana dukɔ siwo subɔa trɔ̃wo la gaɖu wo dzi. Ke le wò amenuveve sɔ gbɔ la ta la, mètsrɔ̃ wo keŋkeŋ alo gble wo ɖi o. Mawu amenuvetɔ kple dɔmenyotɔ gãe nènye!
“Eya ta, azɔ la, Oo, Mawu gã, si ŋu ŋɔdzi le, wò ame si wɔa wò lɔlɔ̃ kple amenuveve ƒe ŋugbedodo dzi la, mègana fukpekpe siwo katã va mía dzi la, naɖi nu tsɛ aɖeke le wò ŋkume o. Fukpekpe geɖewo va míawo ŋutɔ, míaƒe fiawo, fiaviwo, nyagblɔɖilawo kple tɔgbuiwo dzi ɣeyiɣi si Asiria fia ɖu mía dzi zi gbãtɔ va se ɖe egbe. Tɔwò dzɔ ɣe sia ɣi si nèhe to na mí. Míewɔ nu vɔ̃ ale gbegbe be nu si dze mí la koe nèwɔ mí. Míaƒe fiawo, dumegãwo, nunɔlawo kple mía tɔgbuiwo mewɔ wò sewo dzi o, eye womeɖo to wò nuxlɔ̃amenyawo o. Togbɔ be èwɔ nukunu geɖewo na wo, eye nèkɔ wò amenuveve ɖe wo dzi fũu hã la, womesubɔ wò o. Èna anyigba gã aɖe si nyoa nu la wo, gake wogbe asiɖeɖe le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋu.
“Ale míeganye kluviwo le afii, le anyigba si dzi nu nyuiwo bɔ ɖo fũu la dzi! Míeganye kluviwo le nu nyui gbogbo siawo dome! Anyigba sia dzi nuku nyuiwo va yi fia siwo nèna woɖu mía dzi le míaƒe nu vɔ̃wo ta la ƒe asime. Wokpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe ŋutilã kple míaƒe lãwo dzi. Míesubɔa wo abe ale si wodi ene, eye míezu nublanuitɔ gãwo.”
Dukɔ la ƒe nubabla
“Le esiawo katã ta la, míegale ŋugbe dom be míasubɔ Aƒetɔ la, eya ta mí kple míaƒe dumegãwo kple Levitɔwo kple nunɔlawo míele asi dem nubabla sia te.”
Ame siwo de asi nubabla sia te la woe nye:
Nehemia, mɔmefia, Hakalia ƒe vi kple Zedekia,
Seraya, Azaria, Yeremia,
Pasur, Amaria, Malkiya,
Hatus, Sebania, Maluk,
Harim, Meremot, Obadia,
Daniel, Gineton, Baruk,
Mesulam, Abiya, Miyamin,
Maazia, Bilgai kple Semaya.
Ame siawo katã nye nunɔlawo.
Levitɔ siwo de asi nubabla la te la woe nye:
Yesua, Azania ƒe vi, Binui, Henadad ƒe vi, Kadmiel,
Sebania, Hodia, Kelita, Pelaya, Hanan,
Mika, Rehob, Hasabia,
Zakur, Serebia, Sebania,
Hodia, Bani kple Beninu.
Dukɔ la ƒe kplɔla siwo de asi ete la woe nye:
Paros, Pahat Moab, Elam, Zatu, Bani,
Buni, Azgad, Bebai,
Adoniya, Bigvai, Adin,
Ater, Hezekia, Azur,
Hodia, Hasum, Bezai,
Harif, Anatɔt, Nebai,
Magpias, Mesulam, Hezir,
Mesezabel, Zadok, Yaɖua,
Pelatia, Hanan, Anaya,
Hosea, Hananiya, Hasub,
Halohes, Pilha, Sobek,
Rehum, Hasabna, Maaseya,
Ahiya, Hanan, Anan,
Maluk, Harim kple Baana.
Ame siawoe de asi nubabla la te ɖe dukɔ blibo la nu, elabena dukɔmeviwo, nunɔlawo, Levitɔwo, agbonudzɔlawo, hadzilawo, gbedoxɔmedɔwɔlawo kple ame bubuawo katã, ame siwo srɔ̃wo, viŋutsuwo, vinyɔnuwo, ame siwo tsi ate ŋu ase nu gɔme la, ɖe wo ɖokuiwo ɖe aga tso trɔ̃subɔla siwo le anyigba la dzi gbɔ ale be woasubɔ Mawu. Ame siawo katã wɔ ɖeka kple Israelvi bubumewo, eye woɖe adzɔgbe be Mawu ƒe fiƒode nava wo dzi ne womewɔ Yehowa ƒe Se siwo wòde na wo to Mose, Mawu ƒe dɔla la dzi o, eye woɖe adzɔgbe be woalé Yehowa, woƒe Aƒetɔ la ƒe Sewo kple ɖoɖowo katã me ɖe asi.
“Míelɔ̃ ɖe edzi hã be míaɖe mɔ na mía vinyɔnuwo woaɖe amedzrowo o, eye nenema ke míaɖe mɔ mía viŋutsuwo hã naɖe wo vinyɔnuwo o.
“Míelɔ̃ ɖe edzi be ne trɔ̃subɔla siwo le anyigba la dzi anɔ adzɔnu kple agblemenuku alo nu bubu aɖe dzram le Dzudzɔgbe alo ŋkeke kɔkɔe bubu aɖe dzi la, míagbe eƒeƒle. Míelɔ̃ ɖe edzi be míawɔ dɔ aɖeke le ƒe adrelia ɖe sia ɖe me o. Hekpe ɖe esia ŋu la, míate fli ɖe mía nɔvi Yudatɔwo ƒe fe siwo wonyi le mía si la me.
“Míelɔ̃ ɖe edzi be míadzɔ nu ƒe sia ƒe na gbedoxɔ la, ale be ga nasɔ gbɔ ɣe sia ɣi hena mía Mawu la ƒe gbedoxɔ la dzikpɔkpɔ, elabena míehiã nu tɔxɛwo na Ŋkumeɖobolo, nuɖuvɔsawo kple numevɔsawo na Dzudzɔgbewo, Ɣleti yeye ƒe ŋkekenyuiwo kple Ŋkekenyui siwo míeɖuna ƒe sia ƒe, na vɔsa kɔkɔewo, na avuléle ɖe Israel nu kple dɔwɔwɔ le gbedoxɔ la me.
“Míada akɔ be míanya ƒe sia ƒe ƒe ɣeyiɣi si dzi nunɔlawo, Levitɔwo kple kplɔlawo ƒe ƒometɔwo ana nake si ŋu dɔ woawɔ le Yehowa, mía Mawu la ƒe vɔsamlekpui dzi abe ale si woŋlɔe ɖe Se la me ene.
“Míelɔ̃ ɖe edzi hã be míatsɔ míaƒe agblemenuku ɖe sia ɖe ƒe gbãtɔ, eɖanye nu si ɖona le to me alo tsena ɖe kutsetsetiwo kple amitiwo dzi o, ayi Yehowa ƒe aƒe me.
“Abe ale si woŋlɔe ɖe Se la me ene la, míelɔ̃ ɖe edzi be míatsɔ míaƒe viŋutsu tsitsitɔwo kple míaƒe nyiwo, alẽwo kple gbɔ̃wo ƒe ŋgɔgbeviwo ana Yehowa. Míatsɔ wo na nunɔla siwo le subɔsubɔdɔ wɔm le gbedoxɔ la me.
“Kpe ɖe esiawo ŋu la, woatsɔ nuawo adzra ɖo ɖe míaƒe Mawu ƒe gbedoxɔ la me. Nu siawoe nye míaƒe bli kple agblemenuku siwo ɖi bli la ƒe nyuitɔwo, míaƒe nudzɔdzɔwo, míaƒe kutsetse gbãtɔwo kple míaƒe wain yeye kple ami ƒe gbãtɔwo. Míedo ŋugbe be, míatsɔ míaƒe agblemenuku ɖe sia ɖe ƒe ewolia ɖeka na Levitɔwo, ame siwo ƒe dɔ wònye be woaxɔ nu ewoliawo ƒe ɖekawo le ame siwo le du suewo kple kɔƒewo me la si. Nunɔla Aron ƒe dzidzimevi ɖeka anɔ Levitɔwo gbɔ ne wole nuwo ƒe ewoliawo xɔm, eye Levitɔwo atsɔ nu ewolia si woxɔ la ƒe ewolia ayi gbedoxɔ me, adzra ɖo ɖe nudzraɖoƒe la. Le Se la nu la, ele be Israelviwo kple Levitɔwo natsɔ woƒe nunana siwo nye bli kple bubuawo, wain yeye kple ami la, ayi gbedoxɔ la me, eye woatsɔ wo ade kɔkɔeƒe ƒe nuwo me hena nunɔla siwo le subɔsubɔ wɔm kple agbonudzɔlawo kple hadzilawo ƒe ŋu dɔ wɔwɔ.
“Ale mí katã míelɔ̃ ɖe edzi be míagblẽ míaƒe Mawu ƒe gbedoxɔ la ɖi o.”
Yerusalem nɔla yeyeawo
Le ɣeyiɣi sia me la, Israel dukɔa kplɔlawo nɔ Yerusalem, Du Kɔkɔe la me. Ke azɔ la, woda akɔ be woatia ame siwo le du bubuawo me le Yuda kple Benyamin la ƒe ewolia be woawo hã nava nɔ Yerusalem. Ame aɖewo ʋu va Yerusalem le wo ɖokui si, eye wode bubu gã aɖe wo ŋu.
Kplɔla aɖewo tso du bubuwo me va Yerusalem, ke Israelvi aɖewo, nunɔlawo, Levitɔwo, gbedoxɔmedɔwɔlawo kple Solomo ƒe dɔwɔlawo ƒe dzidzimeviwo dometɔ geɖewo ganɔ woawo ŋutɔ ƒe aƒewo me le du vovovowo me le Yuda, le esime ame aɖewo tso Yuda kple Benyamin nɔ Yerusalem.
Yuda ƒe dzidzimeviwo ƒe kplɔlawoe nye:
Ataya, Uzia ƒe vi. Uzia fofoe nye Zekaria, ame si fofoe nye Amaria, ame si fofoe nye Sefatia, ame si fofoe nye Mahalalel, ame si nye Perez ƒe dzidzimevi;
Maaseya, Baruk ƒe vi, Baruk fofoe nye Kol Hoze, ame si fofoe nye Hazaya, ame si fofoe nye Adaya, ame si fofoe nye Yoyarib, ame si fofoe nye Zekaria, Silonitɔ la ƒe vi.
Ame siawo nye Perez ƒe dzidzimevi dzɔatsu alafa ene kple blaade-vɔ-enyi (468) siwo nɔ Yerusalem.
Benyamin ƒe to la ƒe kplɔlawoe nye:
Salu, Mesulam ƒe vi. Mesulam fofoe nye Yoed, ame si fofoe nye Pedaya, Kolaya ƒe vi, ame si fofoe nye Maaseya, ame si fofoe nye Itiel, Yesaya ƒe vi. Gabai kple Salai ƒe dzidzimevi nye alafa asieke kple blaeve-vɔ-enyi (928).
Woƒe fiae nye Yoel, Zikri ƒe vi, ame si ƒe kpeɖeŋutɔe nye Yuda, Hasenua ƒe vi. Hasenua nye kplɔla ƒe kpeɖeŋutɔ.
Kplɔla siwo tso nunɔlawo dome:
Yedaia, Yoyarib ƒe vi, Yakin,
Seraya, Hilkia ƒe vi. Hilkia fofoe nye Mesulam, ame si fofoe nye Merayot, ame si fofoe nye Ahitub, nunɔlagã. Nunɔla alafa enyi kple blaeve-vɔ-eve (822) nɔ dɔ wɔm le gbedoxɔ la me le ame siawo ƒe dzikpɔkpɔ te.
Adaya, Yeroham vi, ame si nye Pelalya vi, ame si nye Amzi vi, ame si nye Zaharia vi, ame si nye Pasur vi, ame si nye Malkiya vi. Malkiya ƒe kpeɖeŋutɔwo nye ŋutsu kako alafa eve kple blaene-vɔ-eve (242);
Amasai, Azarel ƒe vi, Ahzai ƒe vi, Mesilemɔt ƒe vi, Imer ƒe vi si ƒe kpeɖeŋutɔwo nye ŋutsu kako alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-enyi (128).
Woƒe amegãe nye Zabdiel, Hagedolim ƒe vi.
Levitɔwo ƒe kplɔlawoe nye:
Semaya, Hashub ƒe vi. Hashub fofoe nye Azrikam, ame si fofoe nye Hasabia, Buni ƒe vi;
Sabetai kple Yozabad, ame siwo kpɔa dɔwɔlawo le gbedoxɔa godo dzi;
Matania, Mika ƒe vi. Mika fofoe nye Zabdi, Asaf ƒe vi. Mataniae nye ame si dzea akpedasɔlemewo gɔme kple gbedodoɖa.
Bakbukia kple Abda, Sanua ƒe vi nye eƒe kpeɖeŋutɔwo. Samua fofoe nye Galal, Yedutun ƒe vi.
Levitɔ siwo nɔ Yerusalem la nɔ ame alafa eve kple blaenyi-vɔ-ene (284).
Agbonudzɔlawo:
Akub, Talmon kple woƒe kpeɖeŋutɔwo, ame siwo dzɔa agboawo nu le ŋutsu alafa ɖeka kple blaadre-vɔ-eve (172).
Israelvi mamlɛawo, nunɔlawo kple Levitɔwo kaka ɖe Yuda duwo me, ame sia ame nɔ eƒe ƒomenyigba dzi.
Ke gbedoxɔmedɔwɔlawo katã, ame siwo ƒe kplɔlawoe nye Ziha kple Gispa la nɔ Ofel.
Levitɔ siwo nɔ Yerusalem la ƒe amegãe nye Uzi, Bani ƒe vi, Hasabia ƒe vi, Matania ƒe vi, Mika ƒe vi. Uzi nye Asaf ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka. Dzidzimevi siawoe nye hadzilawo na subɔsubɔ le gbedoxɔ me. Hadzila siawo nɔ fia la ƒe kpɔkplɔ te, ame si wɔa ɖoɖo ɖe woƒe gbe sia gbe ƒe wɔnawo ŋu.
Petahia, Mesezabel ƒe vi, ame si dzɔ tso Zera, Yuda ƒe vi me la naa kpekpeɖeŋu le dua dzi ɖuɖu ƒe nyawo katã me.
Yuda ƒe vi siwo nɔ kɔƒewo me le agblewo me la nɔ Kiriat Arba, Dibon kple Yekabzeel kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo la. Yesua, Molada, Bet Pelet, Hazar Sual, Beerseba kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo, Ziklag; Mekona kple woƒe kɔƒewo, Enrimɔn, Zora, Yarmut, Zanoa, Adulam kple woƒe kɔƒewo, Lakis kple eƒe agblewo kpakple Azeka kple eƒe duwo. Ale ameawo ƒe nɔƒe tso Beerseba va yi Hinom balime la to.
Benyamin ƒe dzidzimeviwo tso Geba nɔ Mikmas, Aya, Betel kple eƒe kɔƒewo, Anatɔt, Nɔb, Anania, Hazor, Rama, Gitaim, Hadid, Zeboim, Nebalat, Lod, Ono kple Aɖaŋudɔwɔlawo ƒe Balime.
Woɖo Levitɔ aɖewo, ame siwo nɔ Yuda la ɖa be woanɔ Benyamin ƒe viwo gbɔ.
Nunɔlawo kple Levitɔwo
Nunɔla kple Levitɔ siwo trɔ gbɔ kple Zerubabel, Sealtiel ƒe vi kple Yesua la woe nye:
Seraya, Yeremia, Ezra,
Amaria, Maluk, Hatus,
Sekania, Rehum, Meremot,
Ido, Gineton, Abiya,
Miyamin, Madia, Bilga,
Semaya, Yoyarib, Yedaia,
Salu, Amok, Hilkia kple Yedaia.
Ame siawoe nye nunɔlawo ƒe kplɔlawo kple woƒe kpeɖeŋutɔwo le Yesua ƒe ɣeyiɣiwo me.
Levitɔ siwo gbɔ la woe nye: Yesua, Binui, Kadmiel, Serebia, Yuda, Matania, ame si kple eƒe kpeɖeŋutɔwo kpɔa Bakbukia kple Uni dzi; woƒe kpeɖeŋutɔwo kpena ɖe wo ŋu le akpedahawo dzidzi me.
Yesua nye Yoyakim fofo,
Yoyakim nye Eliasib fofo,
Eliasib nye Yoiada fofo,
Yoiada nye Yonatan fofo,
Yonatan nye Yaɖua fofo,
Nunɔla siwo wɔ dɔ le Yoyakim ƒe ŋkekewo me la ƒe hlɔ̃wo ƒe kplɔlawoe nye:
Meraya si nye Seraya ƒe ƒomea ƒe tatɔ,
Hananiya nye Yeremia ƒomea ƒe tatɔ,
Mesulam nye Ezra ƒomea ƒe tatɔ,
Yehohanan nye Amaria ƒomea ƒe tatɔ,
Yonatan nye Maluk ƒomea ƒe tatɔ,
Yosef nye Sebania ƒomea ƒe tatɔ,
Adana nye Harim ƒomea ƒe tatɔ,
Helkai nye Meremot ƒomea ƒe tatɔ,
Zekaria nye Ido ƒomea ƒe tatɔ,
Mesulam nye Gineton ƒomea ƒe tatɔ,
Zikri nye Abiya ƒomea ƒe tatɔ,
Piltain nye Moadia ƒomea kple Miniamin ƒomea ƒe tatɔ,
Samua nye Bilga ƒomea ƒe tatɔ,
Yehonatan nye Semaya ƒomea ƒe tatɔ,
Matenai nye Yoyarib ƒomea ƒe tatɔ,
Uzi nye Yedaia ƒomea ƒe tatɔ,
Kalai nye Salu ƒomea ƒe tatɔ,
Eber nye Amok ƒomea ƒe tatɔ,
Hasabia nye Hilkia ƒomea ƒe tatɔ,
Netanel nye Yedaia ƒomea ƒe tatɔ.
Woŋlɔ nunɔlawo kple Levitɔwo ƒe ƒomeawo ƒe tatɔwo ƒe dzidzimewo da ɖi le Persia fia, Darius ƒe dziɖuɣi le Levitɔ siwo nye Eliasib, Yoiada, Yohanan kple Yaɖua la ŋɔli. Le Kronika alo Nyadzɔdzɔwo ƒe Agbalẽwo me la, woŋlɔ Levitɔwo ƒe tatɔwo ƒe ŋkɔwo ɖi va se ɖe Yohanan, Eliasib ƒe vi dzi. Le ɣe ma ɣi me la, Levitɔwo ƒe tatɔwoe nye: Hasabia, Serebia kple Yesua, Kadmiel ƒe vi. Woƒe kpeɖeŋutɔwo tsia tsitre ɖe wo ŋgɔ, eye wokpena ɖe wo ŋu le kafukafu kple akpedada wɔnawo me abe ale si David, Mawu ƒe ame la ɖoe da ɖi ene.
Agbonudzɔla siwo dzɔa nudzɔdzɔwo dzraɖoƒewo ƒe agboawo nu ŋu la woe nye: Matania, Bakbukia, Obadia, Mesulam, Talmon kple Akub. Ame siawoe wɔ dɔ le Yoyakim, Yesua ƒe vi kple Yozadak ƒe tɔgbuiyɔvi ŋɔli kple esi Nehemia nye mɔmefia, eye Ezra nye nunɔla kple agbalẽfiala.
Yerusalem ƒe gli la ŋu kɔkɔ
Esi wonɔ Yerusalem ƒe gli yeyeawo ŋu kɔm la, Levitɔwo katã tso anyigba la ƒe akpa sia akpa va Yerusalem be yewoana kpekpeɖeŋu le wɔnawo me, eye yewoakpɔ gome le dzidzɔŋkekenyui la ɖuɖu me kple woƒe akpedada, gakogoewo, hadzidziwo kple kasaŋkuwo. Hadzihamenɔlawo hã va Yerusalem tso kɔƒe siwo ƒo xlãe kple Netofatitɔwo ƒe kɔƒewo me kple Bet Gilgal kple Geba nutowo me kple Azmavet, elabena woƒe hadzilawo tso kɔƒewo na wo ɖokuiwo le Yerusalem gbɔ. Nunɔlawo kple Levitɔwo kɔ wo ɖokuiwo ŋu gbã, emegbe la, wokɔ ameawo, agboawo kple gli la hã ŋu.
Mekplɔ Yudatɔwo ƒe kplɔlawo yi gli la tame, eye mena hã be hadziha gã eve nadzi akpedaha. Hadziha ɖeka azɔ gli la tame ato ɖusime aɖo ta Akɔligbo la gbɔ. Hosaya kple Yuda ƒe kplɔlawo ƒe afã adze wo yome, kpe ɖe Azaria, Ezra, Mesulam, Yuda, Benyamin, Semaya kple Yeremia ŋu. Kpe ɖe ame siawo ŋu la, nunɔla siwo lé kpẽ ɖe asi kple Zekaria, Yonatan ƒe vi, Semaya ƒe vi, Matania ƒe vi, Mikaya ƒe vi, Zakur ƒe vi, Asaf ƒe vi, kple eƒe kpeɖeŋutɔwo, Semaya, Azarel, Milalai, Milalai, Gilalai, Mai, Netanel, Yuda kple Hanani la tsɔ woƒe haƒonuwo abe ale si David, Mawu ƒe ame la ɖoe da di ene. Ezra, agbalẽfiala la nɔ ŋgɔ na ameha la. Esi woɖo Tsidzidzigbo la gbɔ la, woɖo ta ŋgɔ tẽe, lia atrakpui siwo yi mɔ la gbɔ le David ƒe du xoxo la me. Tso afi sia la, woyi Tsigbo la gbɔ le ɣedzeƒe lɔƒo.
Menɔ hatsotso evelia me, míeto mɔ evelia be míaɖado go wo. Míezɔ tso Kpodzoxɔ Kɔkɔ la gbɔ yi Gli Keke la gbɔ, heyi Efraimgbo kple Agbo Xoxo la gbɔ. Míeto Tɔmelãgbo la kple Hananel ƒe Xɔ Kɔkɔ la ŋu, eye míeyi Alafa ƒe Xɔ Kɔkɔ la gbɔ, heyi Alẽgbo la gbɔ, eye míetɔ ɖe Gaxɔgbo la gbɔ.
Hadziha eve siwo dzia akpedaha la nɔ wo nɔƒe le gbedoxɔ la me. Nenema kee nye nye hã kple dɔnunɔlawo ƒe afã kple nunɔla siawo: Eliakim, Maaseya, Miniamin, Mikaya, Elioenai, Zekaria kple Hananiya kple woƒe kpẽwo, eye ame siawo hã kpe ɖe wo ŋuti: Maaseya, Semaya, Eleazar, Uzi, Yehohanan, Malkiya, Elam kple Ezer. Hadziha siawo dzi ha le Yezrahia ƒe kpɔkplɔ te. Míesa vɔ geɖewo le dzidzɔŋkeke sia dzi, elabena Mawu na mɔnukpɔkpɔ mí be míakpɔ dzidzɔ gã aɖe. Nyɔnuwo kple ɖeviwo hã kpɔ dzidzɔ, eye wose dzidzɔɣli tso Yerusalem le didiƒewo ke!
Gbe ma gbe la, woɖo ŋutsu aɖewo be woakpɔ nudzraɖoƒewo, nu vɔ̃ ŋuti vɔsanuwo, nu ewoliawo nana kple nuŋeŋe gbãtɔwo nana dzi, eye woaxɔ nu siawo tso agblewo me abe ale si Mose ƒe Sewo ɖoe da ɖi ene. Wotsɔ nunana siawo na nunɔlawo kple Levitɔwo, elabena Yuda ƒe viwo kpɔ ŋudzedze le nunɔlawo kple Leviviwo ƒe dɔwɔwɔ ŋu. Wokpɔ ŋudzedze le hadzilawo, agbonudzɔlawo, ame siwo naa kpekpeɖeŋu le mawusubɔsubɔ kple ameŋutikɔkɔ wɔnawo me le Fia David kple via Fia Solomo ƒe ɖoɖoawo nu hã ŋu. Ɖoɖo be hafialawo nakplɔ hadzilawo le kafukafuhawo kple akpedahawo dzidzi na Mawu me la li xoxo tso David kple Asaf ŋɔli. Ale fifia, le Zerubabel kple Nehemia ŋɔli la, Israel blibo la naa gbe sia gbe ƒe nuɖuɖu hadzihamenɔlawo, agbonudzɔlawo kple Levitɔwo. Levitɔwo hã tsɔa nu si woxɔna la ƒe akpa aɖe na Aron, nunɔla la ƒe dzidzimeviwo.
Tɔtrɔ mamlɛtɔ siwo Nehemia he vɛ
Gbe ma gbe ke esi wonɔ Mose ƒe Seawo xlẽm la, wokpɔ be woŋlɔ ɖi be womaɖe mɔ na Amonitɔwo alo Moabtɔwo woasubɔ Mawu le gbedoxɔ la me o, elabena womewɔ xɔlɔ̃ kple Israel o. Wotsɔ Balaam be woaƒo fi ade Israelviwo, ke Mawu trɔ fiƒode la wòzu yayra. Esi wose se sia la, wonya amedzrowo katã le Israel dome.
Hafi nya sia nadzɔ la, Nunɔla Eliasib, ame si kpɔa gbedoxɔ la ƒe nudzraɖoƒewo dzi, eye wònye Tobia xɔlɔ̃ vevi aɖe la, trɔ nudzraɖoxɔawo dometɔ ɖeka wòzu amedzrodzeƒe nyui aɖe na Tobia. Tsã la, wodzraa nuɖuvɔsanuwo, atike ʋeʋĩwo, gagbɛwo kple bli, aha yeye kple ami ƒe ewoliawo ɖo ɖe xɔ sia me. Mose de se be nu siawo nye Levitɔwo, hadzihamenɔlawo kple agbonudzɔlawo tɔ, eye nu vɔ̃ ŋuti vɔsanuwo nye nunɔlawo tɔ.
Nyemenɔ Yerusalem ɣe ma ɣi o. Megbugbɔ yi Babilonia le Fia Artazerses ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-evelia me. Emegbe la, mebia mɔfiala, eye megbugbɔ va Yerusalem. Esi mese nu vɔ̃ɖi si Eliasib wɔ, be wòwɔ amedzrodzeƒe ɖe gbedoxɔ me na Tobia la, medo dɔmedzoe, eye mefɔ Tobia ƒe nuwo le xɔ la me ƒu gbe. Mena wokɔ xɔ la ŋu nyuie, eye megbugbɔ gbedoxɔ la ƒe agbawo, nuɖuvɔsanuwo kple atike ʋeʋĩwo de xɔ la me.
Kpe ɖe esia ŋu la, mese be womele nu siwo nye Levitɔwo tɔ la tsɔm na wo o, ale woawo kple hadzihamenɔla siwo naa kpekpeɖeŋu le sɔlemedede me la gbugbɔ yi ɖanɔ dɔ wɔm le woƒe agblewo me. Meka mo na kplɔlawo, eye mebia wo be, “Nu ka ta miegblẽ gbedoxɔ la ɖi ɖo?” Meyɔ Levitɔwo vɛ, eye mena wogade asi woƒe dɔwo wɔwɔ me. Ale Yudatɔwo katã gade asi woƒe bli, wain yeye kple ami ƒe ewoliawo tsɔtsɔ va gbedoxɔ la ƒe nudzraɖoƒewo me.
Metsɔ Selemia, nunɔla la kple Zadok, agbalẽfiala la kple Pedaya, Levitɔ la ɖo avawo dzi kpɔkpɔ nu, eye mena Hanan, Zakur ƒe vi kple Matania ƒe tɔgbuiyɔvi zu woƒe kpeɖeŋutɔ. Ame siawo nye ame siwo ŋu ŋkɔ nyui nɔ, eye woƒe dɔdeasie nye be woama nuawo na wo nɔvi Levitɔwo abe ale si dze ene.
O! Nye Mawu, ɖo ŋku dɔ nyui sia si mewɔ la dzi, eye mègaŋlɔ nu siwo katã mewɔ le gbedoxɔ la ŋu be o.
Le ɣe ma ɣiwo me la, mekpɔ amewo wonɔ wain fiam le Dzudzɔgbe la dzi, eye wonɔ ƒu ƒom woƒe lu bablawo kple wain tsetsewo kple gbotsetsewo kple agblemenu vovovowo nɔ agba dom na woƒe tedziwo, eye wotsɔ nu siawo katã gbɔna Yerusalem le Dzudzɔgbe la dzi, eya ta mede se na wo le nudzadzra le ŋkeke ma dzi la ŋuti. Tirotɔ aɖewo hã nɔ Yerusalem, ame siwo nɔ tɔmelã kple adzɔnu vovovowo dzram le Yerusalem le Dzudzɔgbe la dzi.
Meka mo na Yuda ƒe kplɔlawo, eye mebia wo be, “Nu ka ta miele kɔ gblẽm ɖo na Dzudzɔgbe la? Mia fofowo wɔ nu sia tɔgbi, eye wohe dzɔgbevɔ̃e siwo li fifia la va miawo ŋutɔ kple miaƒe du la dzi. Ɖe esia mesɔ gbɔ na mi oa? Ke azɔ la, miegale Mawu ƒe dɔmedzoe flam ɖe Israelviwo ŋu ɖe edzi, to ɖiƒoƒo Dzudzɔgbe la to mɔ sia dzi me!”
Ale mede se be tso gbe ma gbe dzi la, ne ɣe ɖo to le Fiɖagbe ko la, woatu agboawo katã, eye womagaʋu wo o va se ɖe esime Dzudzɔgbe la nava yi. Meɖo nye subɔla aɖewo ɖa be woadzɔ agboawo ŋu, ale be ame aɖeke magatsɔ adzɔnu aɖeke ava Yerusalem le Dzudzɔgbe la dzi o. Asitsala aɖewo va tɔ ɖe dua godo zi eve aɖewo, ke meƒo nu na wo kple adã be, “Nu ka dim miele hafi va tsi gli la godo dɔ? Ne miegawɔe azɔ la, malé mi.” Eyae nye zi mamlɛtɔ si wova le Dzudzɔgbe la dzi. Azɔ la, meɖe gbe na Levitɔwo be woakɔ wo ɖokui ŋuti, woadzɔ agboawo ŋu, eye woakpɔ egbɔ be ame sia ame wɔ Dzudzɔgbe la kɔkɔe.
O! Nye Mawu, ɖo ŋku nye wɔna sia hã dzi! Ve nunye le wò lɔlɔ̃ sɔ gbɔ la nu.
Le ɣe ma ɣi ke la, mede dzesii be Yuda ŋutsu geɖewo ɖe srɔ̃ tso Asdod, Amon kple Moab, eye wo viwo dometɔ geɖewo gblɔa Asdod gbe alo dzrogbe bubuwo, eye wometea ŋu gblɔa Yuda gbe kura o. Ale mehe nya kple dzila siawo, meƒo fi de wo, meƒo wo dometɔ aɖewo, menyɔ woƒe taɖa, eye mena woka atam le Mawu ŋkume gblɔ be, “Míagatsɔ mía vinyɔnuwo na wo viŋutsuwo woaɖe o, alo míaɖe wo vinyɔnuwo na mía viŋutsuwo o, alo míawo ŋutɔ míaɖe wo o. Alo menye srɔ̃ sia tɔgbiwo ɖeɖee na be Israel fia Solomo wɔ nu vɔ̃ oa? Le dukɔ geɖewo me la, fia aɖeke mede enu o. Mawu lɔ̃ eya amea, eye wòɖoe fiae ɖe Israel katã dzi, gake dzronyɔnuwo blee de nu vɔ̃ me. Ke azɔ la, ɖe míase be miawo hã miele nu vɔ̃ɖi sia tɔgbi wɔm, eye miele nuteƒe wɔm na Mawu o to dzronyɔnuwo ɖeɖe mea?”
Yoiada, Eliasib, nunɔla la ƒe viŋutsuwo dometɔ ɖeka ɖe Sanbalat, Horonitɔ la ƒe vinyɔnu, ale menyae le gbedoxɔ la me.
O! Nye Mawu, ɖo ŋku wo dzi, elabena wogblẽ kɔ ɖo na nunɔlawo ƒe dɔ kple nunɔlawo kple Levitɔwo ƒe nubabla.
Ale mekɔ nunɔlawo kple Levitɔwo ŋu tso dzronuwo me, eye mena dɔ wo, ame sia ame kple etɔ. Kpe ɖe esiawo ŋu la, mewɔ ɖoɖo ɖe nakenana ɖe ɣeyiɣi dzi kple nu gbãtɔwo nana hã ŋu.
O! Nye Mawu, ɖo ŋku dzinye, le wò dɔmenyo la nu.