- Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020 Mose 3 Mose ƒe agbalẽ etɔ̃lia Mose 3 Mo3 Mose ƒe agbalẽ etɔ̃lia Numevɔsa Azɔ la, Yehowa ƒo nu na Mose tso Mawu ƒe agbadɔ la me hegblɔ be, “Ƒo nu na Israelviwo eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne mia dometɔ aɖe atsɔ nunana vɛ na Yehowa la, netsɔ nyi alo alẽ vɛ abe eƒe nunana ene. “ ‘Ne nunana la anye numevɔsa tso lãhawo dome la, ele be wòana lãtsu si ŋuti kpɔtsɔtsɔ mele o. Ele be wòanae le agbadɔ la ƒe mɔnu ale be wòadze Yehowa ŋu. Ele be wòatsɔ eƒe asi ada ɖe numevɔsa la ƒe ta dzi, eye woaxɔ numevɔsa la ɖe vɔsalã la teƒe be wòalé avu ɖe enu. Ekema amea awu nyitsuvi la le afi ma le Yehowa ŋkume. Aron ƒe viŋutsuwo, ame siwo nye nunɔlawo la atsɔ ʋu la ahlẽ ɖe vɔsamlekpui si le agbadɔ la ƒe mɔnu la ƒe axawo katã ŋu. Ele nɛ be wòako numevɔsalã la eye wòaflii. Aron ƒe viŋutsu siwo nye nunɔlawo la ado dzo ɖe vɔsamlekpui la dzi, eye woaɖo nake ɖe dzo la dzi. Ekema Aron ƒe viŋutsuwo, nunɔlawo, atsɔ lãkɔwo, eƒe ta kple ami ada ɖe nakeawo dzi le vɔsamlekpui la dzi. Amea aklɔ eƒe dɔmenuwo kple afɔwo, nunɔla la atɔ dzo wo ɖe vɔsamlekpui la dzi, eye woazu numevɔsa kple dzovɔsa si ƒe ʋeʋẽ adze Yehowa ŋu. “ ‘Ne vɔsa la nye numevɔsa tso alẽhawo alo gbɔ̃hawo dome la, ele nɛ be wòana atsua si ŋuti kpɔtsɔtsɔ mele o la. Ame si le vɔ la sam la awui le Yehowa ŋkume le vɔsamlekpui la ƒe anyiehe lɔƒo. Aron ƒe viŋutsuwo, ame siwo nye nunɔlawo la ahlẽ lã la ƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui la ŋu akpe ɖo. Ekema amea afli lã la, eye nunɔla la atsɔ lãkɔawo, lã la ƒe ta kple eƒe ami ada ɖe nakeawo dzi le vɔsamlekpui la dzi. Ke amea aklɔ dɔmenuawo kple afɔawo, eye nunɔlawo atɔ dzo wo katã le vɔsamlekpui la dzi. Anye numevɔsa kple dzovɔsa si ƒe ʋeʋẽ ado dzidzɔ na Yehowa. “ ‘Ne nunana na Yehowa nye numevɔsa si woawɔ kple xevi la, ele be wòanye akpakpa alo ahɔnɛvi. Nunɔla la atsɔ xevi la ayi vɔsamlekpui la gbɔ, atro kɔ le enu, ana eƒe ʋu naɖuɖu ɖe anyi le vɔsamlekpui la ƒe axadzi, eye woame lã la le vɔsamlekpui la dzi. Nunɔla la aɖe eƒe agbonu kple emenuwo, eye wòatsɔ wo aƒu gbe ɖe vɔsamlekpui la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo, afi si dzowɔ le la. Emegbe la, alé eƒe aʋalawo, eye wòafe xevi la me, gake eƒe aʋalawo maɖe ɖa le xevi la ŋu o. Azɔ la, nunɔla la atɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi, eye wòanye vɔsa si adze Yehowa ŋu. Enye numevɔsa kple dzovɔsa si ƒe ʋeʋẽ adze Yehowa ŋu. Nuɖuvɔsa “ ‘Ame si di be yeasa nuɖuvɔ na Yehowa la atsɔ wɔ memee, akɔ ami kple dzudzɔdotike ɖe edzi, eye wòatsɔe ana Aron ƒe viŋutsuwo, nunɔlawo. Nunɔla la aɖe wɔ memee la kple ami la ƒe asiʋlo ɖeka akpe ɖe dzudzɔdonuawo katã ŋuti, eye wòafiae abe ŋkuɖodzinu ene le vɔsamlekpui la dzi, wòanye numevɔsa, ʋeʋĩ lĩlĩlĩ si dzea Yehowa ŋu. Woatsɔ wɔ la ƒe mamlɛa ana Aron kple via ŋutsuwo abe woƒe nuɖuɖu ene; ke woabu esiawo katã abe nuɖuvɔsa kɔkɔe na Yehowa ene. “ ‘Ne wotsɔ abolo si wome le kpo me vɛ abe vɔsa na Yehowa ene la, ele be woamee kple wɔ memee kple ami, gake amɔʋãtike manɔ eme o. Woate ŋu atsɔ akpɔnɔ si wome kple wɔ maʋamaʋã, eye wokɔ ami ɖe edzi hã ana abe nuɖuvɔsa ene. Ne woatɔ nane kple ami atsɔ ana abe nuɖuvɔsa ene la, woatsɔ wɔ memee maʋamaʋã atɔe. Woaflii kakɛkakɛ, eye woakɔ ami ɖe edzi. Esia hã nye nuɖuvɔsa aɖe. Ne wò nuɖuvɔsa nye nu si woɖa la, woaɖae kple wɔ memee, eye woakɔ ami ɖe edzi. Ne wò nuɖuvɔsa nye nu si wome le kpo me, tɔ alo mee le dzo dzi la, ele be nàtsɔ nuɖuvɔsa la ayi na nunɔla, eye eya atsɔe ayi vɔsamlekpui la dzi, eye eya atsɔe ana Yehowa. Nunɔlaa atɔ dzo vɔsanu la ƒe akpa aɖe ko, ke Yehowa akpɔ ŋudzedze le vɔsanu blibo la ŋuti. Vɔsanu mamlɛa nye Aron kple viawo tɔ, ke woabu wo katã abe numevɔsa kɔkɔe na Yehowa ene. “ ‘Mele be amɔʋãtike nanɔ nuɖuvɔsa siwo mietsɔna vaa Yehowa ŋkume la me o, elabena mele be miatɔ dzo nuʋãtike alo anyitsi le dzovɔsa si miewɔna na Yehowa la me o. Miate ŋu atsɔ wo vɛ na Yehowa abe nukuwo ƒe ŋgɔgbetɔwo ƒe nunanawo ene, gake mele be woatɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi abe nu si aʋẽ lĩlĩlĩ la ene o. Mide dze miaƒe nuɖuvɔsawo katã me. Migagbe nubabla ƒe dze si nye miaƒe Mawu tɔ dede miaƒe nuɖuvɔsawo me o; mide dze miaƒe vɔsawo katã me. “ ‘Ne ètsɔ nane tso wò agblemenuku gbãtɔwo me, awɔ nuɖuvɔsa na Yehowa la, ele na wò be nànyɔ bli la, nàtoe alo nàtɔe hafi atsɔ vɛ. Kɔ ami ɖe edzi, eye nàkpe dzudzɔdonu ɖe eŋu, elabena nuɖuvɔsae. Ekema nunɔla la atɔ dzo bli gbagbã la kple amia ƒe ɖe kple dzudzɔdonu la katã abe dzovɔsa ene na Yehowa. Akpedavɔsa “ ‘Ne ame aɖe di be yeasa akpedavɔ la, ate ŋu atsɔ nyitsu alo nyinɔ asa vɔ lae, gake lã la nade blibo ne woatsɔe asa vɔe na Yehowa. Ame si tsɔ lã la vɛ la ada asi ɖe lã la ƒe ta dzi, eye wòawui le agbadɔ la ƒe mɔnu. Aron ƒe viŋutsu siwo nye nunɔlawo la ahlẽ ʋu la ɖe vɔsamlekpui la ƒe axawo ŋu. Tso akpedavɔsa la me la, asa numevɔ na Yehowa kple ami siwo katã le dɔmenuawo ŋu alo ku ɖe wo ŋu, ayiku eveawo kple ami si le wo ŋu le lã la ƒe ali gbɔ kple esi le aklã la ŋu; aɖewo kple ayikuawo. Nunɔlaawo atɔ dzo nu siawo katã le vɔsamlekpui la dzi hekpe ɖe numevɔsa la ŋu. Nuɖuvɔsa sia anye ʋeʋẽ lĩlĩlĩ si adze Yehowa ŋu. “ ‘Ne wotsɔ gbɔ̃ alo alẽ sa akpedavɔe na Yehowa la, ele be wòade blibo; ate ŋu anye agbo alo alẽnɔ, gbɔ̃tsu alo gbɔ̃nɔ. Nenye alẽvie wòatsɔ vɛ la, ele be wòatsɔe ava Yehowa ŋkume. Ele be wòada eƒe asi ɖe lã la ƒe ta dzi, eye wòawui le Mawu ƒe agbadɔ la ŋkume. Ekema Aron kple via ŋutsuwo ahlẽ ʋu la ɖe vɔsamlekpui la ƒe axawo katã ŋu. Eye woatɔ dzo eƒe ami, eƒe asike, woalã asike la ɖa tso lã la ƒe dzimeƒu ŋu, ami si le eƒe dɔmenuwo ŋu, ayiku eveawo kple ami si le wo ŋu kple aklã. Nunɔla la atɔ dzo nu siawo le vɔsamlekpui la dzi wòanye nuɖuvɔsa na Yehowa. “ ‘Ne ame aɖe tsɔ gbɔ̃ vɛ be yeasa vɔ na Yehowa la, atsɔ eƒe asi ada ɖe gbɔ̃ la ƒe ta dzi, eye wòawui le Agbadɔ la ƒe mɔnu. Aron viŋutsuwo ahlẽ eƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui la ƒe axawo kple ene ŋu, eye wòatɔ dzo ami si le dɔ me nɛ kple ayiku eveawo kple ami si le wo ŋu te ɖe lã la ƒe ali ŋu kple ami si le lã la ƒe aklã ŋu la, esi woaɖe ɖa kple ayikuawo. Nunɔla la atɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi abe nuɖuɖu ene, wòanye numevɔsa, wòanye nu si le ʋeʋẽm nyuie. Ami la katã nye Yehowa tɔ. Esia nye se na mi tegbetegbe le miaƒe anyigba blibo la dzi be miekpɔ mɔ aɖu ami alo ʋu o.’ ” Nu vɔ̃ ŋuti vɔsa Yehowa gade se siawo na Mose: “Gblɔ na Israelviwo be, ‘esiawoe nye se siwo ku ɖe ame siwo ada le Yehowa ƒe seawo dzi le ŋuɖeɖi me la ŋu. “ ‘Ne nunɔla aɖe wɔ nu vɔ̃ le ŋuɖeɖi me, eye wòto esia me he fɔɖiɖi va ameawo dzi la, ele nɛ be wòatsɔ nyitsuvi fɛ̃ si de blibo la asa nu vɔ̃ ŋuti vɔsa na Yehowa. Ele be wòakplɔ nyitsuvi fɛ̃ la ava Agbadɔ la ƒe mɔnu, atsɔ eƒe asi ada ɖe nyitsu la ƒe ta dzi, eye wòawui le afi ma le Yehowa ŋkume. Ekema nunɔla la atsɔ nyitsu la ƒe ʋu ayi Agbadɔ la me, ade eƒe asibidɛ ʋu la me, eye wòahlẽ ʋu la zi adre le Yehowa ŋkume ɖe xɔmetsovɔ si ma Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la me la ŋkume. Emegbe la, nunɔla la asisi ʋu la ƒe ɖe ɖe dzudzɔdovɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu le Yehowa ŋkume le Agbadɔ la me; atsɔ ʋua mamlɛa akɔ ɖe numevɔsamlekpui la te le Agbadɔ la ƒe mɔnu. Le esia megbe la, nunɔla la aɖe ami le nyitsua ƒe dɔmenuawo, ayiku eveawo kple aklã la ŋu, eye wòatɔ dzo wo ɖe numevɔsamlekpui la dzi abe ale si wotsɔa nyitsu alo nyinɔ sãa akpedavɔ ene tututu. Ke atsɔ nyitsu la ƒe ayi kple eƒe lã katã, kpe ɖe eƒe ta kple afɔwo ŋu, kple nyitsu la ƒe lã mamlɛa katã ayi asaɖa la godo, teƒe si ŋuti kɔ kple afi si wotsɔa afi ƒua gbe ɖo la, eye wòatɔ dzoe le nakedzo dzi le afi si woli kɔe la dzi. “ ‘Ne Israel dukɔ blibo la wɔ nu vɔ̃ le ŋuɖeɖi me, eye wòwɔ nu si Yehowa de se na wo be womawɔ o la, ameawo katã ɖi fɔ. Ne wova dze si woƒe nu vɔ̃ la, woana nyitsu fɛ̃ aɖe hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Woatsɔ nyitsu la ava Agbadɔ la ŋgɔ. Dukɔ la ƒe ametsitsiwo ada asi ɖe nyitsu la ƒe ta dzi, eye woawui le Yehowa ŋkume. Nunɔla la atsɔ nyitsu la ƒe ʋu ayi Agbadɔ la me, ade eƒe asibidɛ ʋu la me, eye wòahlẽe zi adre ɖe xɔmetsovɔ la ŋgɔ le Yehowa ŋkume. Emegbe la, asisi ʋu la ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu le Agbadɔ la me le Yehowa ŋkume, eye wòakɔ ʋua mamlɛa katã ɖe vɔsamlekpui la te le Agbadɔ la ƒe mɔnu. Woaɖe eƒe ami ɖe sia ɖe, eye woatɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi. Woawɔ nu siwo katã wowɔna le nu vɔ̃ ŋuti vɔsasa me. Ale nunɔla la alé avu ɖe dukɔ la nu, eye Mawu atsɔ nu vɔ̃ la ake ame sia ame. Azɔ la, nunɔla la atsɔ nyitsu la ayi asaɖa la godo, eye wòatɔ dzoe le afi ma abe ame ɖeka ƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa wònye ene, evɔ la, nu vɔ̃ ŋuti vɔsa wònye ɖe dukɔ blibo la ta. “ ‘Ne dumegã aɖe wɔ nu vɔ̃, gake menya gbã be yewɔ nu vɔ̃, da le Yehowa, eƒe Mawu, ƒe seawo dometɔ ɖeka dzi o, ne wova na wònya emegbe ko la, ele be wòatsɔ gbɔ̃tsu si de blibo la vɛ abe eƒe vɔsa ene. Ada eƒe asi ɖe gbɔ̃ la ƒe ta dzi, awui le afi si wowua numevɔsalãwo le, eye wòatsɔe na Yehowa. Esiae nye eƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Ekema nunɔla la atsɔ nu vɔ̃ ŋuti vɔsalã sia ƒe ʋu ƒe ɖe, atsɔ eƒe asibidɛ asisi ʋu la ɖe numevɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, eye wòakɔ ʋu la ƒe mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la te. Woatɔ dzo lã la ƒe ami katã ɖe vɔsamlekpui la dzi abe akpedavɔsalã ƒe amie wònye ene. Ale nunɔla la alé avu ɖe dumegã si wɔ nu vɔ̃ la nu, eye Mawu atsɔ eƒe nu vɔ̃ akee. “ ‘Ne dukɔmevi aɖe da le Yehowa ƒe sewo dzi, gake menya be yewɔ nu vɔ̃ o la, eɖi fɔ. Ke ne eva nya teti ko la, ele nɛ be wòatsɔ gbɔ̃nɔ si de blibo la vɛ be yeatsɔe alé avui ɖe yeƒe nu vɔ̃ ta. Atsɔe va afi si wowua numevɔsalãwo le, ada asi ɖe lã la ƒe ta dzi, eye wòawui. Ekema nunɔla la ade asibidɛ ʋu la me asisi ɖe numevɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, eye wòakɔ ʋua mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la te. Woaɖe ami siwo katã le dɔ me na lã la, abe ale si wowɔna le akpedavɔsa me ene, eye nunɔla la atɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi. Nu sia adze Yehowa ŋu. Ale nunɔla la alé avu ɖe amea nu, eye Mawu atsɔ eƒe nu vɔ̃ akee. “ ‘Ke ne edi be yeasa vɔ la kple alẽ la, ekema ele be wòanye alẽnɔ si de blibo. Akplɔe va afi si wowua numevɔsalãwo le, ada asi ɖe lã la ƒe ta dzi, eye wòawui abe nu vɔ̃ ŋuti vɔsalã ene. Nunɔla la ade asibidɛ vɔsaʋu la me asisi ɖe numevɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋuti, eye woakɔ ʋua ƒe mamlɛa katã ɖe vɔsamlekpui la te. Woawɔ lã la ƒe ami ŋu dɔ abe ale si wowɔa eŋu dɔ le akpedavɔsa me ene. Nunɔla la atɔ dzo lã la ƒe ami ɖe vɔsamlekpui la dzi abe ale si wowɔna kple vɔsanu bubu ɖe sia ɖe si wotɔa dzoe na Yehowa la ene. Ekema nunɔla la alé avu ɖe amea nu, eye Mawu atsɔ eƒe nu vɔ̃ akee. “ ‘Ne ame aɖe se be woɖe gbeƒã be woava ɖi ɖase le nu vɔ̃ si ame bubu aɖe wɔ la ŋu si wòkpɔ alo nya nu le eŋu, gake meɖi ɖase le eŋuti o la, ekema ewɔ nu vɔ̃. “ ‘Alo ne ame aɖe ka asi nu makɔmakɔ aɖe ŋu abe lã maɖumaɖua aɖe ƒe kukua ŋu, alo gbemelã alo aƒemelã alo nutata siwo ŋuti mekɔ o ene ŋu la, ewɔ nu vɔ̃, ne eya ŋutɔ menya be yeka asi nu makɔmakɔ ŋu o hã. Alo ne ede asi ame ƒe nu makɔmakɔ aɖe, nu sia nu si ana wòagblẽ kɔ ɖo la ŋu, togbɔ be menyae hafi o hã la, ne eva nya la, aɖi fɔ. Alo ne ame aɖe ka atam be yeawɔ nane evɔ mebu ta me nyuie hafi kae o, eɖanye nyui alo vɔ̃ la, le nya sia nya si me wòaka atam le tamemabumabutɔe la, togbɔ be menya nu si wɔm wòle o hã la, ne eva nya emegbe la, aɖi fɔ. Le go siawo dometɔ ɖe sia ɖe me la, ele be wòaʋu eƒe nu vɔ̃ me, eye wòatsɔ alẽnɔ alo gbɔ̃nɔ asa nu vɔ̃ ŋuti vɔsa na Yehowa. Nunɔla la alé avu ɖe enu, ekema Mawu atsɔ eƒe nu vɔ̃ akee, eye mele be wòagawɔ ɖe atam si wòka la dzi o. “ ‘Ne amea da ahe ale gbegbe be mate ŋu akpɔ alẽ alo gbɔ̃ vɛ na Yehowa o la, ekema ana akpakpa eve alo ahɔnɛ fɛ̃ eve abe eƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ene. Xeviawo dometɔ ɖeka anye eƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa, eye evelia anye eƒe numevɔsa. Nunɔla la atsɔ xevi eveawo dometɔ si wotsɔ nɛ gbã la, asa nu vɔ̃ vɔsae. Atro kɔ le xevi la nu, gake mana eƒe kɔ naɖe le enu o. Nunɔla la ahlẽ ʋua ƒe ɖe ɖe vɔsamlekpui la ƒe axawo dzi, eye wòakɔ ʋua mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la te. Esiae nye nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Nunɔla la atsɔ xevi evelia awɔ numevɔsae to mɔ siwo woɖo da ɖi la dzi. Ale nunɔla la alé avu ɖe amea nu le eƒe nu vɔ̃ ta, eye Mawu atsɔe akee. “ ‘Ne amea da ahe ale gbegbe be mate ŋu atsɔ akpakpawo alo ahɔnɛ fɛ̃wo asa nu vɔ̃ vɔe o la, ekema ana wɔ memee kilogram ɖeka. Mele be woakɔ ami ɖe edzi loo alo atsakae kple dzudzɔdonu o, elabena nu vɔ̃ vɔsae. Atsɔe vɛ na nunɔla la; nunɔla la aɖe wɔ la ƒe asiʋlo ɖeka ɖe wɔ blibo la teƒe, eye wòatɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi abe dzovɔsa bubu ɖe sia ɖe na Yehowa ene. Esiae anye eƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Ale nunɔla la alé avu ɖe enu le nu vɔ̃ sia tɔgbi ɖe sia ɖe ta, eye Mawu atsɔe akee. Wɔ la ƒe mamlɛa azu nunɔla la tɔ abe ale si wowɔna le nuɖuvɔsa gome ene.’ ” Fɔɖivɔsa Yehowa gblɔ na Mose be, “Ne ame aɖe gblẽ kɔ ɖo, eye wòwɔ nu vɔ̃ le manyamanya me, ku ɖe Yehowa ƒe nu kɔkɔewo dometɔ aɖe ŋu la, abe tohehe ene la, alé agbo ɖeka le lãhawo dome vɛ na Yehowa, esi ŋuti kpɔtsɔtsɔ mele o la, eye eƒe home sɔ kple klosalo si wòle be wòana le Kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu. Enye fɔɖivɔsa na Yehowa. Kpe ɖe esia ŋu la, ele nɛ be wòaɖo nu si mete ŋu wɔ o la teƒe ku ɖe nu kɔkɔeawo ŋuti, agatsɔ nu si wòle be wòana la ƒe akpa atɔ̃lia akpe ɖe nuawo ŋu, eye wòatsɔ wo katã vɛ na nunɔla la, ame si atsɔ agbo la alé avui abe fɔɖivɔsa ene. Ale woatsɔe akee. “Ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃, eye wòwɔ nu si wogbe be womawɔ o le Yehowa ƒe ɖoɖowo dometɔ aɖe me, ne eya ŋutɔ menyae o gɔ̃ hã la, eɖi fɔ eye woabui nu vɔ̃e nɛ. Ele be wòatsɔ agbo ɖeka si de blibo, eye asixɔxɔ si dze la le eŋu la tso eƒe alẽwo dome vɛ na nunɔla la abe eƒe fɔɖivɔsa ene. Ale nunɔla la alé avu ɖe enu ɖe nu vɔ̃ si meɖo wɔ o la ta, eye woatsɔe akee. Ele be wòatsɔe ana abe fɔɖivɔsa ene, elabena eɖi fɔ le Yehowa ŋkume.” Yehowa gblɔ na Mose be, “Nenye be ame aɖe wɔ nu vɔ̃, eye meto nyateƒe na Yehowa o, ne eble ehavi tso nu si woda ɖe egbɔ alo be nedzra ɖo na ye alo wòfi alo wòbae alo ne efɔ nu bubu aɖe, evɔ wòda alakpa le eŋuti alo wòka atam dzodzro alo wòwɔ nu vɔ̃ siawo dometɔ ɖeka si amewo awɔ, eye ne ewɔ nu vɔ̃ siawo eye wòɖi fɔ la, ele nɛ be wòaɖe asi le nu si wòfi la alo xɔ to amebamɔ dzi alo nu si dzi wobe wòakpɔ alo nu si bu wòfɔ alo nu sia nu si ŋu wòka aʋatsotam ɖo la ŋu. Ele be wòaɖo nua teƒe wòade, wòatsɔ nua ƒe home atɔ̃lia ƒe ɖeka akpee, eye wòatsɔ wo katã na nutɔ le ŋkeke si wòtsɔ eƒe fɔɖivɔsa na la dzi. Eƒe fɔɖivɔsanu anye agbo si de blibo, eye eƒe home nade nu sia nu si nàbia tso esi la nu. Atsɔe vɛ na nunɔla si le Yehowa teƒe, ame si alé avu ɖe enu le Yehowa ŋkume, eye Mawu atsɔ eƒe nu vɔ̃ akee.” Numevɔsa Yehowa gagblɔ na Mose be, “De se siawo na Aron kple via ŋutsuwo tso numevɔsa ŋuti, ‘Woagblẽ numevɔsa la ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzodoƒe, eye dzo nanɔ bibim le ete zã blibo la. Ne ŋu ke la, nunɔla la ado eƒe awutewui kple eƒe dziwui, akplɔ numevɔsa la ƒe dzowɔ akɔ ɖe vɔsamlekpui la xa. Emegbe la, aɖɔli eƒe awuwo, atsɔ dzowɔ la ayi teƒe si ŋuti kɔ le asaɖa la godo. Vɔsamlekpui la ƒe dzo aganɔ bibim kokoko; mele be wòatsi o. Nunɔla la agade nake yeyewo dzo la me ŋdi sia ŋdi, eye wòatsɔ gbe sia gbe ƒe numevɔsa ada ɖe edzi, atɔ dzo gbe sia gbe ƒe ŋutifafavɔsa ƒe ami. Ele be dzo nanɔ bibim le vɔsamlekpui la dzi madzudzɔmadzudzɔe. Mele be wòatsi gbeɖe o.’ ” Nuɖuvɔsa “Se siwo le nuɖuvɔsa ŋu la woe nye: ‘Aron ƒe viŋutsuwo atsi tsitre ɖe vɔsamlekpui la ŋgɔ, eye woasa vɔ la le Yehowa ŋkume. Nunɔla la aɖe wɔ memee la ƒe asiʋlo ɖeka, akɔ ami kple dzudzɔdonu ɖe edzi, eye wòatɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi abe Yehowa tɔ ene tso nu si wotsɔ vɛ la me. Yehowa axɔe kple dzidzɔ gã. Wɔ si asusɔ le asiʋlo ɖeka ɖeɖe vɔ megbe la azu nuɖuɖu na Aron kple via ŋutsuwo. Womade amɔʋãtike eme o. Woaɖui le Agbadɔ la ƒe xɔxɔnu. Te gbe ɖe edzi na wo be, ne womee le abolokpo me la, amɔʋãtike manɔ eme o. Metsɔ numevɔ si wosa nam la ƒe akpa sia na nunɔlawo. Ke numevɔsa blibo la le kɔkɔe abe ale si nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple fɔɖivɔsa blibo la le ene. Ŋutsu ɖe sia ɖe si dzɔ tso Aron me, nunɔla ɖe sia ɖe, ate ŋu aɖui tso dzidzime yi dzidzime. Ke nunɔla siwo ŋuti kɔ koe kpɔ mɔ aɖu vɔsanu siwo wome na Yehowa.’ ” Yehowa gblɔ na Mose bena, “Nu siae nye nu si Aron kple via ŋutsuwo ana Yehowa le gbe si gbe woasi ami nɛ: wɔ memee kilogram ɖeka abe gbe sia gbe ƒe nuɖuvɔsa ene. Woatsɔ afã vɛ ŋdi, eye afã evelia le fiẽ. Tsɔ ami tɔe le nutɔgba me wòabi nyuie ekema nàtsɔe vɛ na Yehowa wòanye vɔsa si dzea eŋu. Via ŋutsu si axɔ ɖe eteƒe abe nunɔla si wosi ami na ene la atrɔ asi le eŋu. Enye Yehowa tɔ ɣe sia ɣi, eye woatɔ dzoe wòafia keŋkeŋ. Woatɔ dzo nunɔlawo ƒe nuɖuvɔsa ɖe sia ɖe keŋkeŋ, eye womaɖui o.” Nu vɔ̃ ŋuti vɔsa Le esia megbe la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Aron kple via ŋutsuwo be se siwo le nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ŋu la woe nye esiawo. “Vɔsa sia nye nu kɔkɔe. Woawu vɔsalã la le Yehowa ŋkume, afi si wowua numevɔsalãwo le. Nunɔla si asa vɔ sia la aɖu vɔsalã la le Agbadɔ la ƒe kpɔ me. Ame siwo ŋuti wokɔ, eye wozu nunɔlawo la koe kpɔ mɔ aka asi lã la ŋu. Ne ʋu hlẽ ɖe ame aɖe ƒe awu ŋu la, woanyae le teƒe kɔkɔe aɖe. Ekema woagbã ze si me wonya awu la le. Ne enye akɔblizee la, woaklɔe nyuie. Ŋutsu ɖe sia ɖe le nunɔlawo dome kpɔ mɔ aɖu vɔsalã sia. Ke woawo koe kpɔ mɔ aɖui, elabena nu kɔkɔe wònye. Ne wotsɔ vɔsalã la ƒe ʋu aɖe yi Agbadɔ la me, be woalé avu le Kɔkɔeƒe la la, ekema nunɔlawo mekpɔ mɔ aɖu vɔsalã la o. Woatɔ dzo lã blibo la le Yehowa ŋkume. Vɔsawo ŋuti se bubuwo “Esiawoe nye se siwo ku ɖe fɔɖivɔsa ŋu. Nu kɔkɔe ƒe nu kɔkɔe wònye. “Woawu fɔɖivɔsalã la le afi si wowua numevɔsalãwo le, eye woatsɔ eƒe ʋu ahlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo akpe ɖo. Nunɔla la atsɔ lã la ƒe amiwo katã, eƒe asike, ami si le dɔmenuwo ŋu, ayiku eveawo kple ami si le wo ŋu kple eƒe aklã asa vɔe ɖe vɔsamlekpui la dzi. Nunɔla la atɔ dzo nu siawo katã le vɔsamlekpui la dzi abe fɔɖivɔsa ene na Yehowa. Ŋutsu siwo tso nunɔlawo ƒe ƒome me la koe aɖu lã la ƒe mamlɛa. Woaɖui le teƒe kɔkɔe aɖe, elabena vɔsa kɔkɔe wònye. “Se siawo kee le nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple fɔɖivɔsa siaa ŋu. Woatsɔ lã la ƒe mamlɛa ana nunɔla si wɔ avulévɔsa la wòanye eƒe nuɖuɖu. Nenye numevɔsae la, ekema woatsɔ lã la ƒe agbalẽ hã ana nunɔla la. Nunɔla si sa nuɖuvɔ la na Yehowa la axɔ nuɖuɖu si susɔ ne ewu vɔsa la nu. Woawɔ se sia dzi nenye be wome vɔsanu la le kpo me loo, tɔe le ami me loo alo mee le dzo me. Nuɖuvɔsa bubuawo katã, ne wode ami wo, alo womede ami wo o hã, anye Aron ƒe viŋutsuwo katã tɔ. “Esiawoe nye akpedavɔsa tɔxɛwo na Yehowa ŋu sewo: “Nenye akpedada tae wole vɔ la sam ɖo la, ekema woatsɔ abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã la akpe ɖe vɔsalã la kple akaklɛ̃ si dzi wokɔ ami ɖo kple wɔ memee si woblu kple ami hetsɔ tɔ wɔkakloe la ŋu. Ne wole akpedavɔ kple ŋutifafavɔ sam la, woawɔ abolo si wowɔ kple amɔ ʋaʋã la ŋu dɔ. Woatsɔ vɔsa sia ƒe akpa aɖe aɖo Yehowa ŋkume abe vɔsa tɔxɛ ene, ekema woatsɔe ana nunɔla si hlẽa vɔsalã ƒe ʋu. Le lã la tsɔtsɔ sa vɔe kple etsɔtsɔ na Yehowa abe ŋutifafavɔsa ene be woaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ kple akpedada tɔxɛ afia vɔ megbe la, woaɖu vɔsalã la gbe ma gbe ke, eye ɖeke matsi anyi ŋu nake o. “Ke ne ame aɖe tsɔ nane vɛ si menye akpedavɔsa o, ke boŋ wònye vɔsa ɖe atam si amea ka ta alo wònye lɔlɔ̃nununana la, ekema vɔsalã si womeɖu le ŋkeke si dzi wosa vɔ la le o la, woate ŋu aɖui ne ŋu ke. Woatɔ dzo vɔsanu si asusɔ va se ɖe ŋkeke etɔ̃a gbe la. Ne woɖu akpedavɔsalã la ƒe ɖe le ŋkeke etɔ̃a gbe la, womaxɔe nɛ o, womabui na ame si sa vɔ la o, elabena eŋuti mekɔ o, eye ame si aɖui la aɖi fɔ. “ ‘Womaɖu lã si ƒe akpa aɖe ka nu makɔmakɔ aɖe ŋu o, ke boŋ woatɔ dzoe, eye ame si ƒe ŋuti kɔ la koe aɖu lã si wòate ŋu aɖu. Woaɖe nunɔla si ŋuti mekɔ o, gake wòɖu akpedavɔsanu la le wo tɔwo dome, elabena ena nu si nye Yehowa tɔ la trɔ zu nu makɔmakɔ. Woaɖe ame sia ame si aka asi nu makɔmakɔ aɖe ŋu, ne nu makɔmakɔ la tso amegbetɔ alo lã aɖe gbɔ, gake wòaɖu ŋutifafavɔsanu ƒe ɖe la le etɔwo dome, elabena eƒo ɖi nu si nye nu kɔkɔe la.’ ” Sedede be womaɖu lã ƒe ami kple ʋu o Le esia megbe la, Yehowa gblɔ na Mose be, “De se na Israelviwo be, ‘Miekpɔ mɔ aɖu lã ƒe ami o, eɖanye nyi, alẽ alo gbɔ̃ ƒe ami o. Miate ŋu awɔ lã si lé dɔ heku alo lã si lã wɔadã aɖe wu la ƒe ami ŋu dɔ le mɔ bubuwo nu, gake mimaɖui gbeɖegbeɖe o. Woaɖe ame sia ame si aɖu lã si wome na Yehowa abe vɔsa ene ƒe ami la le Mawu ƒe ha me. Eye afi sia afi si miele la, mele be miaɖu xevi alo lã aɖeke ƒe ʋu o. Ne ame aɖe ɖu ʋu la, woaɖee ɖa le eƒe amewo dome.’ ” Nunɔlawo ƒe ɖuƒe Yehowa gagblɔ na Mose be, “Gblɔ na Israelviwo be ame si di be yeasa akpedavɔ na Yehowa la ŋutɔ natsɔ nu siwo wòatsɔ asa vɔ lae la vɛ. Ele be wòatsɔ vɔsalã la ƒe ami kple eƒe akɔ vɛ, eye woanye wo le yame le vɔsamlekpui la gbɔ si fia be wotsɔ wo na Yehowa. Nunɔla la atɔ dzo ami la le vɔsamlekpui la dzi, ke lã la ƒe akɔ anye Aron kple via ŋutsuwo tɔ. Mitsɔ miaƒe akpedavɔsalã ƒe ɖusita na nunɔla la. Aron ƒe viŋutsu si atsɔ akpedavɔsalã la ƒe ʋu kple ami ana la axɔ lã la ƒe ɖusita, elabena metia lã la ƒe akɔ kple ata be woanye Israelviwo ƒe nunana na Aron. Ele be woatsɔ vɔsalãwo ƒe akpa siawo ana Aron kple via ŋutsuwo ɣe sia ɣi.” Esiae nye woƒe fetu! Ele be woaɖe wo ɖa tso numevɔsa la gbɔ, eye woatsɔ wo ana ame siwo katã wotia be woasubɔ Yehowa abe nunɔlawo ene. Ame siawoe nye Aron kple via ŋutsuwo, elabena le gbe si gbe wosi ami na Aron kple via ŋutsuwo la, Yehowa de se na Israelviwo be woatsɔ vɔsalã ƒe akpa siawo na wo. Wo tɔ wonye tso dzidzime yi dzidzime. Esiawoe nye se siwo ku ɖe numevɔsa, nuɖuvɔsa, nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple fɔɖivɔsa kple esiwo ku ɖe ameŋutikɔvɔsa kple akpedavɔsa ŋu. Yehowa de se siawo na Mose le Sinai to dzi, be wòana Israelviwo nanya ale si woasa vɔe na Yehowa le Sinai gbedzi. Woɖo Aron kple viawo nunɔlawoe Yehowa gblɔ na Mose be, “Kplɔ Aron kple via ŋutsuwo vɛ, nàtsɔ woƒe awuwo, ami sisi la, nu vɔ̃ ŋuti vɔsanyitsu la, agbo eveawo kple kusi si me abolo maʋamaʋã le, eye nàna ameha blibo la naƒo ƒu ɖe Mawu ƒe Agbadɔ la ƒe mɔnu.” Mose wɔ abe ale si Yehowa de se nɛ be ene eye ameawo katã ƒo ƒu ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu. Ale Mose gblɔ na ƒuƒoƒe la be, “Ale Yehowa ɖo nam be mawɔe nye esi.” Mose na Aron kple via ŋutsuwo te va eye wòle tsi na wo, eye wòdo awutewui tɔxɛ la, alidziblanu la, dziwui kple kɔmewu la na Aron. Edo akɔtatsyɔnu la hã nɛ, eye wòtsɔ nu si wotsɔna bia gbe Mawui, “Urim” kple “Tumim,” de akɔtatsyɔnu la ƒe kotoku me. Emegbe la, etsɔ tablanu la bla ta nɛ, eye wòtsi sikaŋgoblanu kɔkɔe la ɖe tablanu la ŋu le ŋgɔgbe abe ale si Yehowa de se nɛ ene. Emegbe la, Mose tsɔ ami sisi la, eye wòwui ɖe Agbadɔ la kple nu sia nu si le eme la ŋu, eye wòkɔ wo ŋuti. Esi wòɖo vɔsamlekpui la gbɔ la, ewu ami sisi la ɖe eŋu zi adre, eye wògawui ɖe nu siwo le vɔsamlekpui la dzi kple tsileze la kple eƒe zɔ ŋu hekɔ wo ŋu. Emegbe la, eɖo Aron nunɔlae to amikɔkɔ ɖe ta me nɛ me, eye to esia hã me wòkɔ eŋu. Le esia yome la, Mose do awu na Aron ƒe viŋutsuwo, bla alidziblanuawo na wo, eye wòɖɔ kuku la na wo abe ale si Yehowa gblɔ nɛ ene. Mose lé nyitsu la hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la. Aron kple via ŋutsuwo da asi ɖe nyitsu la ƒe ta dzi. Mose wu nyitsu la, tsɔ eƒe ʋu ƒe ɖe, eye wòtsɔ eƒe asibidɛ sisi ʋua ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo katã ŋu be yeakɔ vɔsamlekpui la ŋuti. Ekɔ ʋua mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la te. Ale wòkɔ eŋuti, eye wòwɔe wòanye avuléle nɛ. Mose ɖe ami siwo katã le dɔmenuawo, aklã kple ayiku eveawo ŋu, eye wòtɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi. Etɔ dzo nyitsu la ƒe lã mamlɛa, eƒe agbalẽ kple dɔmenuwo le asaɖa la godo abe ale si Yehowa gblɔ nɛ ene. Emegbe la, etsɔ agbo la hena numevɔsasa na Yehowa. Aron kple via ŋutsuwo da woƒe asiwo ɖe agbo la ƒe ta dzi. Mose wui, eye wòhlẽ ʋu la ɖe vɔsamlekpui la ŋuti godoo. Efli agbo la, eye wòtɔ dzo lãkɔ la, eƒe ta kple eƒe ami. Le esia megbe la, etsɔ tsi klɔ agbo la ƒe dɔmenuwo kple afɔwo, eye wòtɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi. Ale agbo blibo la fia le Yehowa ŋkume. Esia nye numevɔsa si dze Yehowa ŋu ŋutɔ, elabena Mose zɔ ɖe nu siwo katã Yehowa ɖo nɛ be wòawɔ la dzi pɛpɛpɛ. Mose trɔ ɖe agbo evelia si nye ameŋukɔkɔ ƒe agbo la ŋu. Aron kple via ŋutsuwo da woƒe asiwo ɖe agbo la ƒe ta dzi. Mose wui, eye wòsisi ʋua ɖe Aron ƒe nuɖusito, eƒe asi ƒe adegblefetsu ɖusitɔ kple eƒe ɖusifɔ ƒe adegblefetsu ŋu. Le esia yome la, esisi ʋua ɖe Aron ƒe viŋutsuwo ƒe ɖusitowo, woƒe asi adegblefetsu ɖusitɔwo kple woƒe ɖusifɔwo ƒe adegblefetsu ŋu, eye wòhlẽ ʋua mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo. Mose tsɔ agbo la ƒe ami, asike la, ami si le dɔmenuwo ŋu, aklã kple ayiku eveawo kple wo ŋu miwo kpe ɖe eƒe ɖusita ŋu. Nu siwo wòtsɔ da ɖe agbo la ƒe lã ƒe akpa siawo dzi la woe nye abolo maʋamaʋã ɖeka si tso kusi si wotsɔ ɖo Yehowa ŋkume la me, abolo si wode amii kple akpɔnɔ ɖeka. Mose tsɔ nu siawo katã de asi na Aron kple via ŋutsuwo, eye wonye wo le yame abe vɔsa tɔxɛ na Yehowa ene. Mose gaxɔ nu siawo le wo si, eye wòtɔ dzo wo kpe ɖe numevɔsa la ŋuti na Yehowa le vɔsamlekpui la dzi. Vɔsa sia dze Yehowa ŋu. Azɔ la, Mose tsɔ agbo la ƒe akɔ, eye wòtsɔe na Yehowa to enyenye le yame le vɔsamlekpui la ŋgɔ me. Ameŋukɔkɔ ƒe agbo la ƒe akpa siae nye Mose tɔ abe ale si Yehowa ɖoe ene. Mose tsɔ ami sisi la azɔ kple ʋu si wòhlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu la ƒe ɖe, eye wòhlẽe ɖe Aron kple via ŋutsuwo kple woƒe awuwo ŋu. Ale wòkɔ Aron kple via ŋutsuwo kple woƒe awuwo ŋu, be Yehowa nawɔ wo ŋu dɔ. Le esia megbe la, Mose gblɔ na Aron kple via ŋutsuwo be, “Miɖa lã la le Agbadɔ la ƒe mɔnu, eye miaɖui kple abolo si le ameŋukɔkɔ ƒe kusi la me abe ale si Yehowa de se na mi ene. Mitɔ dzo lã la kple aboloawo ƒe mamlɛawo. “Minɔ Agbadɔ la ƒe mɔnu ŋkeke adre, eye le ŋkeke adreawo megbe la, miawu miaƒe ŋutikɔkɔ nu, elabena ŋkeke adree wòaxɔ. Nu siwo katã wowɔ egbe la, Yehowae de se be woawɔ wo hena miaƒe ŋutikɔkɔ. Ele be mianɔ Agbadɔ la ƒe mɔnu zã kple keli ŋkeke adre, eye miawɔ nu siwo Yehowa de se na mi be miawɔ. Ne miewɔe o la, miaku. Esiawoe nye se siwo Yehowa de nam.” Ale Aron kple via ŋutsuwo wɔ nu siwo katã Yehowa ɖo na Mose. Nunɔlaawo dze dɔwɔwɔ gɔme Le ŋutikɔkɔ ƒe ŋkeke enyia gbe la, Mose yɔ Aron kple via ŋutsuwo kple Israel ƒe ametsitsiwo, eye wògblɔ na Aron be wòalé nyitsu ɖeka tso nyiha la me hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple agbo ɖeka hena numevɔsa, eye wòasa vɔ le Yehowa ŋkume. Mose yi edzi be, “Gblɔ na Israelviwo be woatia gbɔ̃tsu ɖeka hena woƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple nyivi ɖeka kple alẽvi ɖeka, lã siwo de blibo hena woƒe numevɔsa. Kpe ɖe esia ŋu la, woatsɔ nyitsu ɖeka kple agbo ɖeka asa akpedavɔ, eye woatsɔ wɔ si woblu kple ami la asa nuɖuvɔ na Yehowa, elabena egbe la, Yehowa aɖe eɖokui afia wo.” Ale ameawo tsɔ nu siawo katã va Agbadɔ la ƒe mɔnu, abe ale si Mose gblɔ na wo la ene, eye ameawo tsi tsitre ɖe afi ma le Yehowa ŋkume. Mose gblɔ na ameawo be, “Ne miewɔ Yehowa ƒe ɖoɖowo dzi la, eƒe ŋutikɔkɔe aɖe eɖokui afia mi.” Mose gblɔ na Aron be wòate ɖe vɔsamlekpui la ŋu, eye wòasa nu vɔ̃ vɔsa kple numevɔ, alé avu gbã ɖe eɖokui ta, eye emegbe la, ɖe ame bubuawo ta abe ale si Yehowa ɖo ene. Ale Aron te ɖe vɔsamlekpui la ŋu, eye wòtsɔ nyivi la wɔ nu vɔ̃ vɔsae ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo ta. Via ŋutsuwo tsɔ ʋu la nɛ. Ede asi eme, sisii ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, eye wòkɔ mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la te. Emegbe la, etɔ dzo nu vɔ̃ ŋuti vɔsalã la ƒe ami, ayikuawo kple aklã la le vɔsamlekpui la dzi, abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. Etɔ dzo lã la kple eƒe agbalẽ le asaɖa la godo. Nu si kplɔ esia ɖo lae nye Aron wu numevɔsalã la. Via ŋutsuwo tsɔ ʋua nɛ, eye wòhlẽe ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo. Wofli lã la tsɔ vɛ nɛ kpe ɖe lã la ƒe ta ŋu. Etɔ dzo wo katã le vɔsamlekpui la dzi. Ekpala dɔmenuawo kple afɔawo, eye wòtɔ dzo wo ɖe vɔsamlekpui la dzi abe numevɔsa ene. Emegbe la, etsɔ ameawo ƒe nunanawo sa vɔe. Ewu gbɔ̃tsu la, eye wòtsɔe sa vɔe abe ale si wòsa nu vɔ̃ vɔsa ɖe eɖokui ta ene. Ale wòsa numevɔ la na Yehowa, le se siwo wòde nɛ la nu. Le esia megbe la, esa nuɖuvɔ la. Eku wɔ la ƒe asiʋlo ɖeka, eye wòtɔ dzoe kpe ɖe gbe sia gbe ƒe ŋdivɔsa ŋu le vɔsamlekpui la dzi. Azɔ la, ewu nyitsu la kple agbo si ameawo tsɔ vɛ la na akpedavɔsa. Aron viŋutsuwo tsɔ lãawo ƒe ʋu vɛ, eye wòhlẽe ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo. Eɖe nyitsu la kple agbo la ƒe amiwo, ami siwo le ayikuawo ŋu kpe ɖe esiwo le woƒe dɔmenuwo ŋu la ŋuti, eye wògaɖe woƒe ayikuwo kple aklãwo hã. Aron tsɔ amiawo da ɖe vɔsalãwo ƒe akɔwo dzi, eye wòtɔ dzo amiawo le vɔsamlekpui la dzi. Ke Aron nye lãawo ƒe akɔwo kple ɖusitawo le yame le Yehowa ŋkume abe wo tsɔtsɔ na Mawu ƒe dzesi ene, abe ale si Mose ɖo nɛ ene. Emegbe la, Aron wu eƒe asiwo dzi ɖe dukɔ la dzi, yra wo; eye esi wòsa nu vɔ̃ vɔ, numevɔ, kple akpedavɔ vɔ la, eɖi le vɔsamlekpui la dzi. Mose kple Aron woyi Agbadɔ la me, eye esi wodo go la, woyra ameawo. Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia ameha blibo la, eye dzo tso Yehowa gbɔ fia numevɔsa la kple amiawo le vɔsamlekpui la dzi. Esi ameawo kpɔe la, wo katã wodo dzidzɔɣli, eye wotsyɔ mo anyi le Yehowa ŋkume. Nadab kple Abihu ƒe ku Ke Aron ƒe viŋutsu eve, Nadab kple Abihu, ɖe dzo makɔmakɔ ɖe woƒe dzudzɔdosonuwo me, ɖe dzudzɔdonu kɔ ɖe dzo la dzi, eye wodo dzudzɔ na Yehowa. Nu sia mesɔ ɖe se si Yehowa de na wo la dzi o, eya ta dzo tso Yehowa gbɔ, eye wòtsrɔ̃ wo; ale woku le Yehowa ŋkume. Tete Mose gblɔ na Aron be, “Esiae Yehowa gblɔ esi wògblɔ be, ‘Maɖe ɖokuinye afia ame siwo tena ɖe ŋutinye la kɔkɔe eye woade bubu ŋunye le amewo katã ŋkume.’ ” Eye Aron zi ɖoɖoe kpoo. Mose yɔ Misael kple Elzafan, wo tɔɖia Uziel ƒe viŋutsuwo eye wògblɔ na wo be, “Miyi miakɔ mia nɔviwo ƒe ŋutilã fiafiawo tso Agbadɔ la ŋkume yi ɖada ɖe asaɖa la godo.” Woyi ɖakɔ wo; wole woƒe awutewui ʋlayawo me abe ale si Mose gblɔ na wo la ene. Mose gblɔ na Aron kple Via ŋutsu eve, Eleaza kple Itamar be, “Migafa ame kukuawo o, eye migagblẽ miaƒe ɖa ɖi mavumavui abe konyifafa ƒe dzesi ene o; migadze miaƒe awuwo hã o. Ne miewɔ nu siawo la, eƒe dziku abi ɖe Israel dukɔ blibo la ŋu. Ke Israelvi bubuawo ya ate ŋu afa avi na Nadab kple Abihu le dzo dziŋɔ si Yehowa ɖo ɖa la ta. Ke miawo ya la, mele be miadzo le Agbadɔ la nu o. Ne miedzo la, miaku elabena Yehowa ƒe ami si wosi na mi la gale mia dzi.” Eye wowɔ se si Mose de na wo la dzi. Yehowa gblɔ na Aron bena, “Wò kple viwò ŋutsuwo, migano wain alo aha muame aɖeke ne miele Mawu ƒe Agbadɔ me yi ge o. Ne mienoe la, miaku. Esia nye ɖoɖo mavɔ hena dzidzime siwo gbɔna. Wò dɔdeasiwo anye be mialé avu ɖe amewo nu, miafia vovototo siwo le nu kɔkɔewo kple nu makɔmakɔwo, nu siwo dza kple nu siwo medza o la dome, eye miafia Israelviwo se siwo katã Yehowa de na mi to Mose dzi la ameawo.” Mose gblɔ na Aron kple Via ŋutsu eve siwo susɔ, Eleaza kple Itamar be, “Mitsɔ nuɖuvɔsa si susɔ esi woɖe wɔ asiʋlo ɖeka le eŋu na Yehowa le vɔsamlekpui la dzi; miakpɔ egbɔ be amɔʋãtike mele eme o, eye miaɖui le vɔsamlekpui la gbɔ. Vɔsa sia nye nu kɔkɔe, eya ta miaɖui le Kɔkɔeƒe la. Miawo kple mia viwo tɔe wònye tso vɔsa si wome na Yehowa la me, elabena eyae nye se si wode nam. Ke miate ŋu aɖu lã la ƒe akɔ kple ata si wonye le yame le Yehowa ŋkume abe nu si wotsɔ nɛ ƒe dzesi ene la, le teƒe kɔkɔe ɖe sia ɖe. Wò kple viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo ƒe nuɖuɖue. Eyae nye mia tɔ le Israelviwo ƒe akpedavɔsawo me. “Ele be ameawo natsɔ ata si woɖe ɖe aga kple akɔ si wona esi wotɔ dzo amiawo la vɛ. Woatsɔ wo ana Yehowa to wo nyenye le yame me. Ekema woazu wò kple viwòwo tɔ, elabena esiae nye Yehowa ƒe ɖoɖo.” Mose di gbɔ̃tsu si wotsɔ vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la le afi sia afi. Eva dze sii be wotɔ dzoe xoxo! Nu sia na wòdo dɔmedzoe vevie ɖe Eleaza kple Itamar, Aron ƒe viŋutsu eve siwo susɔ la ŋu. Ebia wo be, “Nu ka ta mieɖu nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la, si nye nu kɔkɔe ƒe nu kɔkɔe la le teƒe kɔkɔe la o, le esime wotsɔe na mi be miatsɔ aɖe ameawo ƒe nu vɔ̃wo kple dzidadawo ɖa, eye mialé avu le woawo kple Yehowa dome? Zi ale si wometsɔ eƒe ʋu yi kɔkɔeƒe la o la, ɖe wòle be miaɖui le afi ma abe ale si meɖo na mi ene hafi.” Ke Aron xɔ nya ɖe wo nu le Mose gbɔ hegblɔ be, “Wosa woƒe nu vɔ̃ vɔsa kple numevɔ le Yehowa ŋkume; ke nenye ɖe meɖu nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la egbe la, ɖe wòadze Yehowa ŋua?” Esi Mose se nya siawo la, eƒe dzi dze eme. Nuɖuɖu siwo ŋuti kɔ kple esiwo ŋuti mekɔ o Yehowa gblɔ na Mose kple Aron bena, “Migblɔ na Israelviwo be, ‘Le lã siwo katã nɔa anyigba dzi la, esiawoe nye esiwo miaɖu. Miate ŋu aɖu lã sia lã si ƒe afɔkli me fe, eye wòdzɔa nu gaɖuna. “ ‘Lã aɖewo li siwo dzɔa nu gaɖuna alo woƒe afɔkli me koe fe, gake migaɖu wo o. Togbɔ be kposɔ ɖua nu, dzonɛ gaɖuna hã la, eƒe afɔkli me mefe o. Enye lã makɔmakɔ na mi. Xɔfie, togbɔ be edzɔa nu gaɖuna hã la, eƒe afɔkli me mefe o. Enye la makɔmakɔ na mi. Fɔmizi, togbɔ be edzɔa nu gaɖuna hã la, eƒe afɔkli me mefe o. Lã makɔmakɔ wònye na mi. Ha, togbɔ be eƒe afɔkli me fe hã la, medzɔa nu gaɖuna o. Lã makɔmakɔ wònye na mi. Mele be miaɖu eƒe lã loo alo aka asi eƒe kukua teti hã ŋu o. Nu makɔmakɔ wònye na mi. “ ‘Le tɔmelãwo katã gome la, miekpɔ mɔ aɖu ɖe sia ɖe si ŋu adza kple tsro le, ne woɖe wo tso tɔsisiwo me loo alo atsiaƒu me. Ke lã siwo katã le atsiaƒu me alo tɔ me esiwo ŋu adza alo tsro mele o, woɖale lã siwo katã ƒua tsi dome alo nu gbagbe bubu siwo katã le tɔ me dome o, wonye ŋunyɔnu na mi. Esi wònye be wonye ŋunyɔnuwo na mi ta la, migaɖu woƒe lã o, eye woƒe kukua hã nanyɔ ŋu na mi. Nu gbagbe ɖe sia ɖe si le tɔ me, esi ŋu tsro kple adza mele o la nanye ŋunyɔnu na mi. “ ‘Xe siawo nanyɔ ŋu na mi, eye miaɖu wo o, elabena wonye ŋunyɔnuwo: hɔ̃, akaga, akpo, aʋako dzĩtɔwo kple yibɔtɔwo, akpaviã ƒomevi vovovoawo, adzexe si to dzo ɖe ta, adzexe ŋutɔ, golo, tsalɛ̃, aʋako, ʋlukuku, tsimese, kple aŋɔɣi, favieʋuto, aluge kple akaga, damixe, ako ƒomeviwo, agudzixe kple agutɔ. “ ‘Nudzodzoe siwo katã zɔna le afɔ ene dzi, woanye ŋunyɔnu na mi. Ke nudzodzoe aɖewo li siwo zɔna le afɔ ene dzi, esiwo miate ŋu aɖu. Esiawoe nye esiwo te afɔwo le hena kpotiti le anyigba. Esiwo miaɖu woe nye ʋetsuvi tɔgbiwo katã, gbagblami kple abɔ ƒomeviwo katã. Miekpɔ mɔ aɖu nu bubu siwo katã dzona, eye woto afɔ ene la dometɔ aɖeke o. “ ‘Ame sia ame si aka asi woƒe kukua ŋu la ŋu makɔ o va se ɖe fiẽ, eye ele nɛ be wòanya eƒe awuwo enumake. Ele nɛ hã be wòaɖe eɖokui ɖe aga va se ɖe fiẽ abe ame si ŋuti mekɔ o ene. “ ‘Ame si ka asi lã si ƒe afɔkli me mefe tututu o, alo lã si medzɔa nu gaɖuna o ŋu la hã ŋuti mekɔ o va se ɖe fiẽ. Miekpɔ mɔ aɖu lã afɔene siwo ƒe afɔwo nu fetsu le o. Ame si ka asi woƒe kukua ŋu hã ŋuti mekɔ o, va se ɖe fiẽ. Ele be ame si atsɔ eƒe kukua aƒu gbe la nanya eƒe awuwo, eye eŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ, elabena mede se na mi tso wo ŋu. “ ‘Lã siwo zɔna le anyigba, eye wo ŋu mekɔ na mi o la woe nye, adɔ, afi kple adoglo ƒomeviwo, xɔmenyatri, ve, adoglo, atɔ kple agama. Ame sia ame si ka asi nu siawo ƒe kukuawo ŋu la ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ. Nu sia nu si dzi nu siawo dometɔ aɖe ƒe kukua ge dze la ŋu mekɔ o. Ne ege dze nu si wowɔ kple ati, avɔ, ɖovu alo kotoku aɖe dzi la, ele be woaklɔe kple tsi alo anyae, eye eŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ. Le esia megbe la, woagate ŋu awɔ eŋu dɔ. Ne ege dze agba aɖe si wome kple tsu me la, nu sia nu si le agba la me la ŋu mekɔ o, eye ele be woagbã agba la. Ne tsi si wotsɔ klɔ nu makɔmakɔ aɖe ŋu hlẽ ɖe nuɖuɖu aɖe ŋu la, nuɖuɖu la ŋu mekɔ o. Nunono si le agba makɔmakɔ aɖe me hã ŋu mekɔ o. Ne lã makɔmakɔ siawo dometɔ aɖe ƒe kukua ka abolokpo aɖe ŋu la, abolokpo la hã ŋu mekɔ o, eya ta ele be woagbãe. Ne nu siawo ƒe kuku aɖe ge ɖe tɔʋu alo tsigago aɖe si me tsi le la me la, tsi la menye tsi makɔmakɔ o, gake ame si ɖe nu kukua le tsia me ya la ŋu mekɔ o. Ne nu kukua ka nuku aɖe si ƒã ge wole ŋu la, nuku la mezu nuku makɔmakɔ o. Ke ne nukua ƒo tsi hafi nu kuku la ge ɖe edzi la, ekema nuku ƒotsi la ŋu mekɔ o. “ ‘Ne dɔléle wu lã aɖe si ŋu woɖe mɔ le be woaɖu la, ame si ka asi lã la ƒe kukua ŋu la ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ. Gawu la, ele be ame si ɖu eƒe lã alo tsɔe yi ɖaƒu gbe la nanya eƒe awuwo, eye eŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ. “ ‘Nu gbagbe ɖe sia ɖe si tana le anyigba dzi la nye nu si woatsri; womaɖui o. Migaɖu nu gbagbe si tana le anyigba le eƒe ƒodo dzi alo wòzɔna kple afɔ ene loo alo le afɔ geɖewo dzi la o. Enye nu si woatsri. Migaƒo ɖi mia ɖokuiwo to asikaka wo ŋu me o. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. Minɔ dzadzɛe le nu siawo ŋuti, eye mianɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔetɔe menye. Eya ta migaƒo ɖi mia ɖokuiwo to asikaka nu siwo tana le anyigba la dometɔ aɖeke ŋu me o. Elabena nyee nye Yehowa si kplɔ mi tso Egiptenyigba dzi be manye miaƒe Mawu. Ele na mi be mianɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔetɔe menye. “ ‘Esiawoe nye se siwo ku ɖe lãwo, xewo kple nu siwo katã ƒua tsi alo tana le anyigba la ŋu. Esiawoe nye vovototo siwo le nu siwo ŋuti kɔ, eye woaɖu wo kple nu siwo ŋuti mekɔ o, eye womaɖu wo o le nu gbagbe siwo nye lãwo le anyigba dzi la dome.’ ” Nyɔnu si dzi vi la ŋuti kɔkɔ Yehowa gblɔ na Mose be, “De se siawo na Israelviwo be, ‘Ne nyɔnu aɖe dzi ŋutsuvi la, nyɔnu la ŋu mekɔ o, ŋkeke adre, eye wòawɔ se siwo dzi wòwɔna ne etsi gbɔto la dzi. Ele be woatso aʋa na ɖevia le ŋkeke enyia gbe. Ekema le ŋkeke blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃ siwo akplɔe ɖo, le ale si eŋuti mekɔ haɖe o ta la, maka asi nu kɔkɔe aɖeke ŋuti o, eye made Agbadɔ me hã o. Ne nyɔnu aɖe dzi nyɔnuvi la, nyɔnu la ŋu mekɔ o kɔsiɖa eve, eye wòawɔ se siwo dzi wòwɔna ne etsi gbɔto la dzi. Ekema le ŋkeke blaade-vɔ-ade siwo akplɔe ɖo me la, ʋu si anɔ dodom le eŋuti la ana be eƒe ŋuti nanɔ kɔkɔm. “ ‘Ne nyɔnu la ƒe ŋutikɔkɔ ƒe ɣeyiɣi de la, ne via nye ŋutsuvi loo alo nyɔnuvi hã la, ele na nyɔnu la be wòana alẽvi si xɔ ƒe ɖeka hena numevɔsa, eye wòana ahɔnɛ alo akpakpa ɖeka hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Atsɔ nu siawo ayi na nunɔla la le Agbadɔ la ƒe ʋɔtru nu, nunɔla la asa vɔ na Yehowa, eye wòalé avu ɖe enu. Ekema eŋuti akɔ azɔ le ʋu si do le eŋu to vidzidzi me la megbe. “ ‘Esiawoe nye nu siwo wòle be woawɔ le vidzidzi megbe. Ke ne nyɔnu aɖe da ahe ale gbegbe be mate ŋu ana alẽ o la, ekema ele nɛ be wòana akpakpa eve alo ahɔnɛ eve. Woatsɔ xeviawo dometɔ ɖeka asa numevɔ, eye woatsɔ evelia asa nu vɔ̃ vɔsae. Nunɔla la atsɔ nu siawo alé avu ɖe enu ale be eŋuti nagakɔ.’ ” Se siwo ku ɖe ŋutigbalẽ ƒe dɔlélewo ŋuti Yehowa gblɔ na Mose kple Aron bena, “Ne ame aɖe kpɔ nutete alo dzi alo teƒe aɖe si fu le eƒe ŋutilã ŋu si ate ŋu azu ŋutilã ƒe dɔxɔleameŋu la, woakplɔe ayi nunɔla Aron alo Via ŋutsu siwo nye nunɔlawo la dometɔ ɖeka gbɔ. Nunɔla la alé ŋku ɖe abi si le eƒe ŋutigbalẽ ŋu la ŋu. Ne ŋutifu si le teƒea fu, eye teƒea nye ɖe eme vie la, ekema anyie. Nunɔla la atso nya me be anyidzela la ŋu mekɔ o. Ke ne teƒe si fu kpii la menye ɖe eme vie o, eye fu si le teƒea mefu o la, ekema nunɔla la aɖee ɖe aga ŋkeke adre. Le ŋkeke adrea gbe la, nunɔla la agadoe akpɔ. Ne teƒea metrɔ o, eye megakeke ɖe edzi hã o la, ekema nunɔla la aɖee ɖe aga ŋkeke adre bubu. Nunɔla la agadoe akpɔ le ŋkeke adre evelia gbe. Ne dɔléle la dzi ka ɖe, eye teƒea megakeke ɖe edzi o la, ekema nunɔla la atso nya me be amea ŋuti kɔ, dzi koe ƒo ɖe eŋu. Nu si amea awɔ la koe nye wòanya eƒe awuwo, eye eƒe ŋuti akɔ, gake nenye be dzi la keke ɖe edzi le eƒe ŋutigbalẽ ŋu esi wòtsɔ eɖokui fia nunɔla la be wòagblɔ be eŋuti kɔ vɔ megbe la, ele nɛ be wòagbugbɔ ayi nunɔla la gbɔ. Eye nunɔla la agadoe kpɔ. Ne teƒea keke ɖe edzi la, ekema nunɔla la atso nya me be eŋuti mekɔ o, kpodɔe wòdze. “Ne ame aɖe dze ŋutigbalẽdɔ si woate ŋu axɔ le ame ŋu la, woakplɔe ayi nunɔla gbɔe. Nunɔla la alé ŋku ɖe eŋu eye ne nutete ɣi aɖe le eƒe ŋutilã ŋu la, ekema eme kɔ ƒãa be anyie, eye nunɔla la naɖe gbeƒã be eŋu mekɔ o. Mele be woagatu amea ɖe xɔ me be woagalé ŋku ɖe eŋu o, elabena eme kɔ ƒãa be edze dɔ la. “Ke ne nunɔla la kpɔ be kpodɔ la xɔ ŋuti katã na amea, tso eƒe tame yi eƒe afɔ gbɔ, kple afi sia afi si wòakpɔ ɖa le la, ekema nunɔla la atso nya me be eŋuti kɔ, nenye be eŋuti katã fu kpii la, ekema eŋuti kɔ le se la nu. Ke ne eƒe ŋutilã ƒe teƒe aɖe ƒlɔ la, ekema efia be edze kpodɔ. Nunɔla la agalé ŋku ɖe eŋu, eye ne ekpɔ be eƒe ŋutilã ƒe akpa aɖe ƒlɔ la, ekema aɖe gbeƒã be ame la dze kpodɔ. Ŋutilã ƒe ƒɔƒlɔ fia be amea le kpodɔ lém, eya ta eŋuti mekɔ o. Gake ne ŋutilã ƒe akpa si ƒlɔ la ɖɔ ɖo, eye wòle abe ŋutilãa ƒe akpa bubuawo ene la, ame la atrɔ ayi ɖe nunɔla la gbɔ, eye nunɔla la agadoe akpɔ. Nenye be teƒe ƒɔƒlɔ la ɖɔ ɖo abe ŋutilãa ƒe akpa bubuwo ene la, ekema eŋuti kɔ le se la nu, eye nunɔla la aɖe gbeƒã be eŋuti kɔ. “Ne ƒoƒoe ƒo ame aɖe ƒe ŋutigbalẽ, wòɖi tsi vɔ, eye le teƒe si ƒoƒoe la ƒo nɛ nu ƒoƒoe wuliwuli aɖewo ƒo ɖi esiwo le ɣie alo le nu dzĩ kple nu ɣi dome la, ele nɛ be wòatsɔ eɖokui afia nunɔlaa. Ne nunɔla la doe kpɔ, eye wòkpɔ be dɔléle la tso keke eƒe lãme, ke eye fu si le teƒea fu kpii la, ekema nunɔla la atso nya me be, eŋuti mekɔ o, elabena edze kpodɔ to ƒoƒoe la teƒe. Ke ne nunɔla la kpɔ be fu ɣi aɖeke mele teƒea o, eye teƒea hã menye ɖe eme o, ke teƒea le fufu kple nyɔnyɔ dome la, ekema nunɔla la aɖee ɖe aga ŋkeke adre. Ne teƒea keke ɖe edzi le ŋkeke adre mawo me la, ekema nunɔla la atso nya me be eŋuti mekɔ o, ezu kpodɔléla. Ke ne teƒea mekeke ɖe edzi o la, ekema ƒoƒoe la ƒe abiteƒe koe. Nunɔla la atso nya me be eŋuti kɔ. “Ne dzo me ame aɖe ƒe ŋutigbalẽ, eye emegbe teƒea biã loo alo le biabiã kple fufu dome alo fu kpii le teƒe si dzoa me na amea la, ele be nunɔla la nalé ŋku ɖe teƒea ŋu. Ne fu si le teƒea fu, eye wòdze abe dɔléle la tso amea ƒe lãme ke ene la, ekema woanya be amea dze kpodɔ to dzobi la teƒe, eye nunɔla la aɖe gbeƒã be eŋuti mekɔ o, edze anyi. Ke ne nunɔla la kpɔ be fu ɣi aɖeke mele teƒea o, teƒea ƒe biabia metso amea ƒe lãme ke o, eye eƒe amadede dzi nɔ ɖeɖem kpɔtɔ la, ekema nunɔla la atui ɖe xɔ me ŋkeke adre, eye wòagadoe kpɔ le ŋkeke adrea gbe. Ne teƒea keke ɖe edzi la, ekema nunɔla la atso nya me be eŋu mekɔ o, edze kpodɔ. Ke ne teƒe biabiã la medze le teƒe bubu aɖeke loo alo keke ɖe edzi o, eye eƒe biabiã dzi ɖe kpɔtɔ la, ekema wòanya be dzobi la ƒe abiteƒe koe. Ekema nunɔla la atso nya me be eŋuti kɔ, dzobi la teƒe koe ɖi atse. “Ne ŋutsu alo nyɔnu aɖe dze abi ɖe ta alo glã la, nunɔla alé ŋku ɖe abi la ŋu. Ne abi la teƒe dze abe ɖe wòde eme wu amea ƒe ŋutilã, ɖa si le afi ma ƒe amadede le abe aŋutiɖiɖi ene, eye wòle belie la, nunɔla la aɖe gbeƒã be amea ŋuti mekɔ o; enye ta alo glã ƒe dɔléle. Ke ne nunɔla la kpɔ be ŋutigbalẽ la ŋuti ko abi la dzɔ tso, eye ɖa yibɔ le abia me la, ekema atui ɖe xɔ me ŋkeke adre, eye wòagadoe kpɔ le ŋkeke adrea gbe. Ne teƒe la mekeke ɖe edzi o, ne fu si le afi ma ƒe amadede meɖi aŋuti ɖiɖi tɔ o, eye ne medze be dɔléle aɖee tso eƒe lãme ke o la, ekema nunɔla la aƒlɔ ɖa, aƒo xlã teƒe la, ke menye le teƒea ŋutɔ o. Nunɔla la agatui ɖe xɔ me ŋkeke adre bubu, eye wòagadoe kpɔ le ŋkeke adrea gbe. Ne teƒe la mekeke ɖe edzi o, eye medze abe dɔléle la tso ŋutigbalẽ la te o ene la, ekema nunɔla la atso nya me be medze kpodɔ o. Ekema ne enya eƒe awuwo ko la, eŋuti kɔ. Ke ne teƒe la de asi keke me ɖe edzi emegbe la, ekema nunɔla la agadoe kpɔ, eye magalala be yeakpɔ be ɖa ƒe amadede trɔ ɖi aŋuti ɖiɖi hafi wòatso nya me be amea dze kpodɔ o. Gake ne edze be teƒe la megale kekem ɖe edzi o, eye ɖa yibɔ le teƒea la, ekema dɔléle la nu tso, amea menye kpodɔléla o, eya ta nunɔla la atso nya me be eƒe ŋuti kɔ. “Ne ŋutsu aɖe alo nyɔnu aɖe ƒe ŋutilã ƒe akpa aɖewo fu kpii, eye teƒe la ƒe fufu dzi le ɖeɖem kpɔtɔ la, ekema amea medze anyi o, ke boŋ dɔléle aɖe koe ƒo ɖe eŋu. “Womatsɔ ame aɖeke ƒe ɖa ƒe bebe le ta nɛ abe anyidzedze ene o! Ne ɖa vɔ le ame aɖe ƒe ŋgonu la, ekema amea ƒe ŋgoe kpã: esia menye anyidzedze o. Ke ne teƒe aɖe le biabiã kple fufu dome le ta kpakpã la teƒe la, ekema anye kpodɔ dzem wòle. Ekema nunɔla la adoe akpɔ. Ne teƒe la le kpokploo, mebiã tututu o, eye mefu tututu abe kpodɔ ƒe dzesi ene o hã la, ekema nunɔla la atso nya me be amea dze kpodɔ. “Ele na ame si wokpɔ be edze kpodɔ la be wòadze eƒe awuwo, ana eƒe taɖa nato ʋutuu, wòatsyɔ nu eƒe nuyi dziƒotɔ dzi, eye wòanɔ yiyim anɔ ɣli dom be, ‘Nye ŋuti mekɔ o, nye ŋuti mekɔ o!’ Ŋkeke ale si dɔléle la le eŋu ko la, eŋuti mekɔ o. Ele be wòanɔ asaɖa la godo.” Se tso dɔléle siwo nɔa awuwo kple nuwo me ŋu “Ne nane dze le nudodo alo nutata aɖe me, eɖanye lãfu tɔ alo ɖeti tɔ, alo nu si wolɔ̃ kple ɖeti alo lãfu, eye aŋgbamu alo ama dzĩ teƒe aɖe le eme la, anye kpodɔ. Ekema woatsɔ nu la ayi na nunɔla wòadoe akpɔ. Nunɔla la atsɔ nu la adzra ɖo ŋkeke adre, eye wòagalé ŋku ɖe eŋu le ŋkeke adrea gbe. Ne teƒe la keke ɖe edzi la, ekema kpodɔ si woate ŋu axɔ lae. Ekema ele be nunɔla la natɔ dzo awu la, avɔ la alo nu si wolɔ̃ kple lãfu, ɖeti alo lãgbalẽ la, elabena woate ŋu axɔ kpodɔ la, eya ta ele be woatɔ dzoe. “Ke ne nunɔla la lé ŋku ɖe eŋu le ŋkeke adrea gbe, eye wòkpɔ be teƒe la mekeke ɖe edzi o la, ekema ana woanya alo aklɔ nu la, eye wòatsɔe adzra ɖo ŋkeke adre. Le ŋkeke adrea megbe, ne teƒe la ƒe amadede metrɔ o, togbɔ be teƒe la mekeke ɖe edzi o hã la, efia be kpodɔe, eya ta ele be woatɔ dzoe, elabena kpodɔ le eme. Ne nunɔla la kpɔ be teƒe la ƒe amadede klo le nua nyanya megbe la, ekema alã teƒe la ɖa le avɔ la, lãgbalẽnu alo nu lɔlɔ̃ la me. Ke ne wogakpɔ dzesi ma le nu lɔlɔ̃a me la, ekema kpodɔe: ele be nunɔla la natɔ dzoe. Ke ne dzesi ma megadze le nu lɔlɔ̃a nyanya vɔ megbe o la, woaganyae, eye woagate ŋu awɔ eŋu dɔ azɔ.” Esiawoe nye se siwo ku ɖe kpodɔ ƒe avɔ si wolɔ̃ kple lãfu alo ɖeti me nɔnɔ ŋuti. Wofia ale si woawɔ aka ɖe edzi be kpodɔléle la le eme loo alo mele eme o. Ale si woakɔ ame aɖe si ŋuti dɔléle aɖe le la ŋu Yehowa gblɔ na Mose be, “Esiawoe nye ɖoɖowo na ame si dze dɔ le ameŋukɔɣi ne wokplɔe va nunɔla gbɔe. Nunɔla la atso asaɖa la me ayi aɖadoe kpɔ. Ne nunɔla la kpɔ be kpodɔléla la ƒe lãme sẽ la, ana amea nana xevi eve siwo ŋu se ɖe mɔ le be woaɖu, hekpe ɖe sedati, ka dzĩ kple kakle ŋu be wòawɔ wo ŋu dɔ hena kpodɔléla si haya la ŋutikɔkɔ ƒe kɔnuwo wɔwɔ. Nunɔla la ana woawu xeviawo dometɔ ɖeka ɖe ze si me tsi nyui le la me. Woanyrɔ xevi evelia si le agbe la kple sedati, ka dzẽ kpakple kakle la ɖe xeviʋu la me le zea me. Ekema nunɔla la ahlẽ ʋu la ɖe ame si ŋu kpodɔ la vɔ le la ŋu zi adre. Nunɔla la aɖe gbeƒã be amea ŋu kɔ azɔ, eye wòaɖe asi le xevi gbagbe la ŋu wòadzo adzo. “Ame si ŋu wokɔ la, anya eƒe awuwo, aƒlɔ eƒe taɖa katã ɖa, ale tsi, eye wòayi aɖanɔ asaɖa la me azɔ. Ke anɔ eƒe agbadɔ godo ŋkeke adre. Le ŋkeke adrea gbe la, agaƒlɔ eƒe taɖa ƒioƒioƒio, alũ eƒe ge kple eƒe adzugo, anya eƒe awuwo, ale tsi, ekema woabui be kpodɔ la vɔ le eŋu azɔ keŋkeŋ. “Ne ŋu ke si anye ŋkeke enyia gbe la, amea ana alẽvi eve siwo de blibo, alẽnɔe ɖeka si xɔ ƒe ɖeka, eye wòde blibo, wɔ memee kilogram atɔ̃ si dzi wokɔ ami ɖo kple ami lita ɖeka ƒe akpa etɔ̃lia. Nunɔla si doe kpɔ la atsɔ amea kple eƒe nunana aɖo Yehowa ŋkume le Agbadɔ la ƒe mɔnu. Nunɔla la atsɔ alẽawo dometɔ ɖeka kple ami lita ɖeka ƒe akpa etɔ̃lia la, eye wòatsɔ wo ana Yehowa abe fɔɖivɔsa ene to wo nyenye le yame le vɔsamlekpui la ŋgɔ me. Awu alẽ la le afi si wowua nu vɔ̃ ŋuti vɔsalãwo kple numevɔsalãwo le, le Agbadɔ la me. Woatsɔ fɔɖivɔsa sia ana nunɔla la abe eƒe nuɖuɖu ene, abe ale si wowɔna le nu vɔ̃ ŋuti vɔsa me ene. Enye vɔsa kɔkɔe ƒe vɔsa kɔkɔe. Nunɔla la asisi fɔɖivɔsalã la ƒe ʋu ƒe ɖe ɖe ame si ŋuti kɔm wòle la ƒe ɖusito ŋu, ɖe eƒe ɖusisi ƒe degblefetsu ŋu kple eƒe ɖusifɔ ƒe degblefetsu ŋu. Emegbe nunɔla la akɔ ami la ɖe eya ŋutɔ ƒe miasiƒome. Nunɔla la atsɔ eƒe nuɖusi ƒe asibidɛ ɖeka ade ami la me, eye wòahlẽe kple eƒe asibidɛ zi adre le Yehowa ŋkume. Nunɔla la asisi ami si susɔ ɖe eƒe miasiƒome la ɖe amea ƒe ɖusito kple eƒe ɖusisi ƒe adegblefetsu kple eƒe ɖusifɔ ƒe adegblefetsu ŋu, abe ale si wòwɔ kple fɔɖivɔsalã la ƒe ʋu ene. Atsɔ ami si gasusɔ ɖe eƒe miasiƒome la asi ɖe ta nɛ. Ale nunɔla la alé avu ɖe enu le Yehowa ŋkume. “Le esia megbe la, nunɔla la asa nu vɔ̃ vɔsa la, eye wòagalé avu le ame si ŋu kɔm wòle tso kpodɔ si me la nu. Nunɔla la awu numevɔsalã la, eye wòatsɔ nuɖuvɔsa akpe ɖe eŋu atsɔ sa vɔe le vɔsamlekpui la dzi, alé avu ɖe amea nu, ekema woagblɔ be amea ŋuti kɔ keŋkeŋ azɔ. “Ne amea da ahe ale gbegbe be mate ŋu ana alẽvi eve o la, ekema ana agbovi ɖeka ko na fɔɖivɔsa la be woatsɔ ana Yehowa hena avuléle to enyenye le yame le vɔsamlekpui la ŋgɔ me. Nu siwo agakpe ɖe esia ŋu koe nye wɔ memee kilogram ɖeka si dzi wokɔ ami ɖo hena nuɖuvɔsa la kple amitimi lita ɖeka ƒe akpa etɔ̃lia. “Ele be wòagana akpakpa eve alo ahɔnɛvi eve, wo dometɔ si wòate ŋu ana ko. Woatsɔ xeviawo dometɔ ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, eye woatsɔ evelia asa numevɔ. Amea atsɔ wo vɛ na nunɔla la le Agbadɔ la ƒe mɔnu le ŋkeke enyia gbe hena eŋutikɔkɔ le Yehowa ŋkume. Nunɔla la atsɔ alẽvi kple amitimi lita ɖeka ƒe akpa etɔ̃lia la asa fɔɖivɔ, eye wòanye wo le vɔsamlekpui la ŋgɔ abe wo tsɔtsɔ na Yehowa ƒe dzesi ene. Emegbe la, awu alẽvi la na fɔɖivɔsa la, eye wòasi ʋu la ƒe ɖe ɖe ame si ŋu kɔm wòle la ƒe ɖusito ŋu kple eƒe ɖusisi ƒe degblefetsu dzi kple eƒe ɖusifɔ ƒe degblefetsu dzi. Azɔ la, nunɔla la atrɔ ami la akɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe miasiƒome, eye wòatsɔ eƒe ɖusi ƒe asibidɛ ɖeka ahlẽ ami la ƒe ɖe zi adre le Yehowa ŋkume. Ekema asi ami si le eƒe asiƒome la ƒe ɖe ɖe eƒe ɖusito ŋu kple eƒe ɖusisi ƒe adegblefetsu kple eƒe ɖusifɔ ƒe adegblefetsu dzi, abe ale si wòwɔ kple nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la ƒe ʋu ene. Nunɔla la atsɔ ami si susɔ ɖe eƒe asiƒome la asi na ame si ŋu kɔm wòle la ƒe ta, atsɔ alé avu ɖe enu le Yehowa ŋkume. Azɔ la, ana akpakpa eveawo alo ahɔnɛvi eveawo, wo dometɔ si wòate ŋui ko. Woatsɔ xeviawo dometɔ ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, eye woatsɔ evelia asa numevɔ kpe ɖe nuɖuvɔ ŋu. Nunɔla la alé avu ɖe amea nu le Yehowa ŋkume.” Esiawoe nye se siwo ku ɖe ŋutigbalẽdɔléla siwo mate ŋu axe fe ɖe vɔsasa siwo woɖo hena wo ŋutikɔkɔ o la ŋu. Ale si woaɖe anyi ɖa la xɔwo ŋui Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, “Ne mieɖo Kanaanyigba, afi si mele tsɔtsɔm na mi be wòanye mia tɔ dzi, eye meda kpodɔ ɖe aƒe aɖe me le anyigba la dzi la, ekema ele be aƒea tɔ nava gblɔ na nunɔla la be, ‘Edze nam abe ɖe kpodɔ le nye aƒe me ene!’ Nunɔla la ana woafɔ nu sia nu ado goe le aƒea me hafi wòalé ŋku ɖe aƒea ŋu, ale be nu siwo le aƒea me la dometɔ aɖeke magazu nu makɔmakɔ ne ekpɔ be kpodɔ le aƒea me o. Ne ekpɔ aŋgbamu ƒe teƒe kple teƒe dzĩ aɖewo le aƒea me ƒe gliwo ŋu, eye teƒe mawo dze abe ɖe wonye ɖe eme vie ene la, ele be nunɔla la natu aƒe la ŋkeke adre, eye wòatrɔ ava le ŋkeke adrea gbe be wòagalé ŋku ɖe aƒea ŋu. Ne teƒeawo keke ɖe edzi le gliawo ŋu la, ekema nunɔla la ana woadza teƒe mawo ɖa le gliawo ŋu, eye woalɔ gli kakawo aɖakɔ ɖe teƒe makɔmakɔ aɖe le dua godo. Le esia megbe la, ana woaka xɔa me ƒe gliwo ŋu nyuie, eye woalɔ gli kakawo aɖakɔ ɖe teƒe makɔmakɔ aɖe le dua godo. Woatsɔ kpe yeyewo aɖɔli kpe xoxo siwo woho le gliawo me, eye woagbugbɔ gliawo ŋu azrɔ̃. “Ne aŋgbamu teƒe kple teƒe dzĩawo gadze la, nunɔla la agava alé ŋku ɖe wo ŋu, eye ne ekpɔ be wokeke ɖe edzi la, ekema atso nya me be kpodɔe, eye aƒea ŋu mekɔ o. Ana woagbã xɔ la, eye woalɔ kpeawo, atiawo kple anyi la aɖakɔ ɖe teƒe makɔmakɔ aɖe le dua godo. “Ame sia ame si ge ɖe aƒea me le esime wotui la, ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ. Ele na ame sia ame si mlɔ aƒea me alo ɖu nu le eme la be wòanya eƒe awuwo. “Ke ne nunɔla la va zi evelia be yealé ŋku ɖe aƒea ŋu, eye teƒeawo megadze le gliawo ŋu zɔzrɔ̃ megbe o la, ekema atso nya me be aƒea ŋu kɔ, eye kpodɔ la megali o. Atsɔ xevi eve, sedati, ka dzĩ kple kakle awɔ nuŋukɔkɔ ƒe wɔnawoe. Awu xeviawo dometɔ ɖeka ɖe ze si me tsi nyui le la me. Ekema atsɔ sedati la, kakle la, ka dzĩ la kple xevi gbagbe la ade xevi si wowu la ƒe ʋu kple tsi nyui me, eye wòahlẽe ɖe aƒea ŋu zi adre. Akɔ aƒea ŋu kple xevi la ƒe ʋu, tsi nyui la, xevi gbagbe la, sedati la kple kakle kple ka dzĩ la. Aɖe asi le xevi gbagbe la ŋu wòadzo ayi gbe me le du la godo. Mɔ sia dzie wòato aɖe vɔ̃ ɖa le aƒe la ŋu, eye wòakɔ eŋuti.” Esiawoe nye se siwo ku ɖe teƒe vovovo siwo kpodɔ ado ɖo la ŋu, le awu me loo alo le xɔ ŋu, le nutete teƒe, dzobi teƒe loo alo teƒe dzĩ aɖe le ame ƒe ŋutilã ŋu. Miato mɔ sia dzi anya nenye kpodɔe loo alo menye eyae o. Nu sia tae wona se siawo ɖo. Nu siwo dona tso ame ƒe lãme eye wonana ame ŋuti mekɔna o Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, “Migblɔ na Israelviwo be, ‘Ne ŋutsu aɖe le afu ɖɔm la, eŋuti mekɔ o. Ne afua le dodom alo ne enu tso hã la, ŋutsu la ŋu mekɔ o. “ ‘Abati si dzi wòmlɔ kple nu si dzi wònɔ hã ŋu mekɔ o, eya ta ame si ka asi ŋutsu la ƒe abati ŋu hã ŋuti mekɔ o va se ɖe fiẽ; ele nɛ be wòanya eƒe awuwo, eye wòale tsi. Ame si nɔ zikpui si dzi ŋutsu si ŋu mekɔ o nɔ la hã ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ. Ele nɛ be wòanya eƒe awuwo, eye wòale tsi. “ ‘Ame si ka asi ŋutsu si le afu ɖɔm ŋuti la ŋuti mekɔ o va se ɖe fiẽ, eye ele nɛ be wòanya eƒe awuwo, ale tsi. “ ‘Ne ŋutsu si le afu ɖɔm ɖe ta ɖe ame si ŋuti kɔ ŋu la, ele na ame ma be wòanya eƒe awuwo, ale tsi, eye eŋuti mekɔ o va se ɖe fiẽ. “ ‘Nu sia nu si dzi afuɖɔla la anɔ ne ele sɔ dom la, ŋuti mekɔ o, eye ame si aka asi nu siwo dzi wònɔ do sɔ la dometɔ aɖe ŋu la ŋuti mekɔ o va se ɖe fiẽ. Nenema ke ame si fɔ nuawo hã la ŋuti mekɔ o va se ɖe fie; ele nɛ be wòanya eƒe awuwo, ale tsi. “ ‘Ne ŋutsu si ŋu mekɔ o, meklɔ asi hafi ka asi ame aɖe ŋu o la, ele na amea hã be wòanya eƒe awuwo, ale tsi, eye eŋu makɔ o va se ɖe fiẽ. “ ‘Ele be woagbã ze si ŋu ŋutsu la ka asii, eye woaklɔ atinu si ŋu wòka asii. “ ‘Ne ŋutsu aɖe ŋu kɔ tso afuɖɔɖɔ me la, nexlẽ ŋkeke adre hena eƒe ŋutikɔklɔ ƒe kɔnu, nenya eƒe awuwo eye wòale tsi nyuie ekema eŋuti akɔ. Le ŋkeke enyia gbe la, alé akpakpa eve alo ahɔnɛvi eve, ado ɖe Yehowa ŋkume le Agbadɔ la ƒe mɔnu, eye wòatsɔ wo ana nunɔla la. Nunɔla la atsɔ akpakpawo dometɔ ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, eye wòatsɔ evelia asa numevɔ. Ale nunɔla la alé avu ɖe enu le Yehowa ŋkume le afu si wòɖɔ la ta. “ ‘Ɣe sia ɣi si ŋutsu aɖe anye tsi la, ele nɛ be wòale tsi nyuie, eye eŋu makɔ o va se ɖe fiẽ. Ele be wòanya nudodo alo ayi si ŋu ŋutsu ƒe tsi la ka la kple tsi, eye eŋu makɔ o va se ɖe fiẽ. Ne ŋutsu aɖe dɔ nyɔnu aɖe gbɔ la, ele be wo ame eve la nale tsi, eye wo ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ. “ ‘Ne nyɔnu aɖe kpɔ dzinu la, eŋu mekɔ o va se ɖe esime ŋkeke adre nava yi. Le ɣeyiɣi sia me la, ame sia ame si ka asi eŋu la ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ. “ ‘Nu sia nu si dzi wòamlɔ alo anɔ le ɣe ma ɣi me la ŋuti mekɔ o. Ame sia ame si ka asi eƒe abati ŋu la anya eƒe awuwo, ale tsi, eye eŋu makɔ o va se ɖe fiẽ. Ame sia ame si ka asi eƒe nunɔdzi aɖe ŋu la, anya eƒe awuwo, ale tsi, eye eŋu makɔ o va se ɖe fiẽ. Eɖanye abati o, eɖanye nu si dzi wònɔ o, ne ame aɖe ka asi eŋu ko la, amea ŋu makɔ o va se ɖe fiẽ. “ ‘Ŋutsu si adɔ nyɔnu sia gbɔ le eƒe asiɖoanyiɣi, eye ʋua ƒe ɖe ka eŋu la, eŋuti makɔ o hena ŋkeke adre, eye abati ɖe sia ɖe si dzi wòamlɔ la ŋu makɔ o. “ ‘Ne gbɔtotsitsi la xɔ ɣeyiɣi wu ale si wòxɔna tsã alo wòva le ɣeyiɣi trama aɖe dzi le ɣletia me la, ekema nyɔnu la ŋuti mekɔ o, zi ale si ʋu la le dodom abe ale si wònɔna ne wòɖo asi anyi ene. Esia fia be nu sia nu si dzi wòamlɔ le ɣeyiɣi ma me la ŋu makɔ o, abe ale si wòanɔ le eƒe gbɔtotsitsi ŋutɔ me ene. Nenema ke nu sia nu si dzi wòanɔ hã ŋu mekɔ o. Ame sia ame si ka asi eƒe abati alo nu si dzi wònɔ ŋu la ŋu mekɔ o. Ele be wòanya eƒe awuwo, ale tsi, eye eŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ. “ ‘Ne gbɔtotsitsi sia nu tso, eye ŋkeke adre va yi la, ekema eŋuti kɔ azɔ. Le ŋkeke enyia gbe la, nyɔnu la atsɔ akpakpa eve alo ahɔnɛvi eve ayi na nunɔla la le Agbadɔ la ƒe mɔnu. Nunɔla la atsɔ ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, atsɔ evelia asa numevɔ, eye wòalé avu ɖe enu le Yehowa ŋkume le ale si gbɔtotsitsi na eŋu mekɔ o la ta. “ ‘Ale ne Israelviwo ŋu mekɔ o la, miakɔ wo ŋuti; ne menye nenema o la, woagblẽ kɔ ɖo na nye Agbadɔ si le wo dome, eye woaku.’ ” Eya ta esiae nye se na ŋutsu si le afu ɖɔm kple ŋutsu si nye tsi, eye eŋu mekɔ o, kple se le nyɔnuwo ƒe gbɔtotsitsi ŋu kple se na ŋutsu si adɔ nyɔnu si tsi gbɔto, eye eŋu mekɔ o la gbɔ. Avuléŋkekenyui la Yehowa ƒo nu na Mose le Aron ƒe viŋutsu eveawo ƒe ku megbe esime wote ɖe Yehowa ŋu. Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na nɔviwò, Aron be megayi Kɔkɔeƒe la le xɔmetsovɔ la megbe le nutsyɔnu si le nubablaɖaka la ŋgɔ ɣe sia ɣi si dze eŋu o, ne menye nenema o la, aku, elabena medzena le lilikpo me le nutsyɔnu la tame. “Aron age ɖe Kɔkɔeƒe la me ale: atsɔ nyitsuvi ɖe asi hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple agbo hena numevɔsa. Ado kɔmewu kɔkɔe la, eye wòado aklalawutewuiawo ɖe ete. Emegbe la, atsɔ aklalalidziblanu la abla ɖe eɖokui ŋu, eye wòatsɔ aklalatablanu la abla tae. Nu siawo nye awu kɔkɔewo, eya ta ele nɛ be wòale tsi hafi ado wo. Israelviwo ana gbɔ̃tsu eve hena woƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple agbo ɖeka hena woƒe numevɔsa. “Gbã la, ele be wòatsɔ nyitsuvi fɛ̃ la asa nu vɔ̃ vɔsa na Yehowa ɖe eɖokui ta, eye wòalé avu ɖe eya ŋutɔ kple eƒe ƒomea ta. Emegbe la, akplɔ gbɔ̃tsu eveawo ava Yehowa ŋkume le Agbadɔ la ƒe mɔnu, eye wòadzidze nu, anya gbɔ̃tsu si nye Yehowa tɔ kple esi nye Azazel tɔ, si ŋu wòaɖe asi le. Aron asa nu vɔ̃ vɔsa kple gbɔ̃tsu si nye Yehowa tɔ. Woatsɔ gbɔ̃tsu evelia si nye Azazel tɔ la agbagbe ava Yehowa ŋkume. Woaɖe dukɔwo ƒe nu vɔ̃wo ada ɖe edzi, eye woanyae ɖo ɖe Azazel gbɔ le gbedzi. “Ne Aron tsɔ nyitsu la sa nu vɔ̃ vɔsa ɖe eya ŋutɔ kple eƒe ƒometɔwo ta vɔ la, atsɔ dzoɖesonu, aɖe aka xɔxɔwo tso Yehowa ƒe vɔsamlekpui dzi ade eme, eye wòalɔ dzudzɔdonu si wotu memie la ƒe asiʋlo eve ayi xɔmetsovɔ la godo. Atsɔ dzudzɔdonu la akɔ ɖe dzoka xɔxɔawo dzi le afi ma, le Yehowa ŋkume, ale be dzudzɔdonu la ƒe dzudzɔ naxɔ amenuvevezikpui la dzi le nubablaɖaka la tame, ale be magakpɔ nubablaɖaka la tame ne wòaku o. Atsɔ nyitsu la ƒe ʋu ƒe ɖe ade asibidɛ eme, eye wòahlẽ ʋu la ɖe amenuvevezikpui la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo, eye wòagahlẽe zi adre ɖe eŋgɔ. “Ekema ado go, eye wòasa nu vɔ̃ vɔsa kple ameawo ƒe gbɔ̃tsu la, eye wòahlẽ eƒe ʋu ɖe xɔmetsovɔ la me, ahlẽe ɖe amenuvevezikpui la dzi kple eŋgɔ abe ale si wòwɔ kple nyitsu la ƒe ʋu ene. Ekema aɖe nu vɔ̃ ɖa le teƒe kɔkɔe la ŋu, elabena Israelviwo ƒe nu vɔ̃wo na wòzu nu makɔmakɔ, eye wòagaɖe nu vɔ̃ ɖa le Agbadɔ si le ameawo dome, eye woƒe nu vɔ̃wo ƒo xlãe la hã ŋu. Ame bubu aɖeke mekpɔ mɔ anɔ Agbadɔ la me ne Aron ge ɖe eme be yeaɖe nu vɔ̃ ɖa le Teƒe Kɔkɔe la ŋu o va se ɖe esime wòalé avu le eya ŋutɔ ɖokui, eƒe aƒemetɔwo kple Israelviwo katã ta, eye wòagado go. “Azɔ la, ado go ayi vɔsamlekpui la gbɔ le Yehowa ŋkume, eye wòaɖe nu vɔ̃ ɖa le eŋu. Ele be wòasisi nyitsu la kple gbɔ̃tsu la ƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui la ƒe lãdzowo ŋu, eye wòahlẽ ʋu la ƒe ɖe ɖe vɔsamlekpui la dzi zi adre kple eƒe asibidɛ. Ale wòakɔ eŋuti tso Israelviwo ƒe nu vɔ̃wo me, eye wòawɔe kɔkɔe. “Ne ewu nu vɔ̃wo ɖeɖe ɖa le Teƒe Kɔkɔe la, Agbadɔ blibo la kple vɔsamlekpui la ŋu ƒe wɔnawo nu la, ahe gbɔ̃ gbagbe si wotia na Azazel la vɛ. Ada eƒe asi eveawo ɖe gbɔ̃tsu la ƒe ta dzi, eye wòaʋu Israelviwo ƒe nu vɔ̃wo katã me ɖe edzi. Adro woƒe nu vɔ̃wo katã ɖe gbɔ̃ la ƒe ta dzi, eye wòana ame aɖe si wotia da ɖi la nakplɔ gbɔ̃ la ayi ɖe gbedzi. Ale gbɔ̃ la atsɔ ameawo ƒe nu vɔ̃wo katã ayi gbedadaƒo, eye ame la aɖe asi le gbɔ̃ la ŋu ɖe gbedadaƒo afi ma. “Azɔ la, Aron agayi Agbadɔ la me, eye wòaɖe aklalawu siwo wòdo esi wòyi xɔmetsovɔ la godo, eye wòagblẽ wo ɖe afi ma le Agbadɔ la me. Esia megbe la, ale tsi le teƒe kɔkɔe aɖe, agado awuawo, ayi aɖasa eya ŋutɔ ƒe numevɔ kple ameawo ƒe numevɔ, eye wòalé avu ɖe eya ŋutɔ kple ameawo ta. Ekema atɔ dzo nu vɔ̃ ŋuti vɔsalãwo ƒe ami ɖe vɔsamlekpui la dzi. “Ame si kplɔ gbɔ̃tsu la yi na Azazel le gbedzi la, agbɔ ava nya eƒe awuwo, ale tsi, eye wòayi asaɖa la me. Woatsɔ nyitsu kple gbɔ̃tsu si Aron tsɔ sa nu vɔ̃ vɔsa, eye wòtsɔ woƒe ʋu yi Teƒe Kɔkɔe la hena avuléle la ayi asaɖa la godo, eye woatɔ dzo wo kpe ɖe woƒe agbalẽ kple dɔmenuwo ŋu. Emegbe la, ame si tɔ dzo lãawo la, anya eƒe awuwo, ale tsi, eye wòatrɔ ayi asaɖa la me. “Esia nanye ɖoɖo mavɔ na mi: le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke ewolia dzi la, ele be miagbe nu le mia ɖokuiwo gbɔ, eye miawɔ dɔ aɖeke o, eɖanye dzɔleaƒea loo alo amedzro si le mia dome o, elabena le ŋkeke sia dzi woalé avu na mi, akɔ mia ŋuti. Ekema le Yehowa ŋkume la, mia ŋuti akɔ tso miaƒe nu vɔ̃wo katã me. Enye dzudzɔgbe na mi, miawɔ ŋkeke la ŋu dɔ na nutsitsidɔ. Esia nye se mavɔ na mi. Le dzidzime bubuwo ƒe ɣeyiɣiwo me la, nunɔlagã si wosi ami na, eye wokɔ eŋuti ɖe Tɔgbuia Aron teƒe lae awɔ ŋutikɔkɔ kɔnu sia. Eyae nye ame si ado aklalawu kɔkɔeawo, eye wòakɔ Teƒe Kɔkɔe la, Agbadɔ la, vɔsamlekpui la, nunɔlawo kple ameawo ŋu. “Esia anye se mavɔ na mi; woalé avu ɖe Israelviwo ta ƒe sia ƒe le woƒe nu vɔ̃wo ta.” Eye wowɔ abe ale si Yehowa de se na Mose ene. Eye miawɔ abe ale si Yehowa de se na Mose ene. Wode se ɖe lã ƒe ʋuɖuɖu ŋu Yehowa gblɔ na Mose be, “Ƒo nu na Aron kple via ŋutsuwo kple Israelviwo katã, eye nàgblɔ na wo be, ‘Esiae nye se si Yehowa de: Israelvi ɖe sia ɖe si asa vɔ kple nyitsu, alẽvi alo gbɔ̃ le asaɖa la me alo egodo le esime wòatsɔe ava Mawu ƒe Agbadɔ la nu bena woasa vɔ na Yehowa le Yehowa ƒe Agbadɔ la ƒe ŋkume teƒe la, woabu ame ma be eɖi fɔ le ʋukɔkɔɖi me. Ekɔ ʋu ɖi, eye ele be woaɖee ɖa le eƒe amewo dome. Se sia ƒe taɖodzinue nye wòana be Israelviwo magasa vɔ le gbedzi o, ke boŋ wòana be woatsɔ woƒe vɔsanuwo vɛ na nunɔla la le Agbadɔ la ƒe mɔnu, woatɔ dzo ami la abe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ ene, wòanye nu si adze Yehowa ŋu, eye wòado dzidzɔ nɛ. Nu sia wɔwɔ ana nunɔla la nate ŋu ahlẽ ʋu la ɖe Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi, le Agbadɔ la ƒe mɔnu, eye wòatɔ dzo lãwo ƒe ami abe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ ene na Yehowa. Nu sia adze Yehowa ŋu eye wòado dzidzɔ nɛ. Woawɔ alea, ale be amewo masa vɔ na gbɔgbɔ vɔ̃wo le gbedzi o. Esia anye se na mi tegbetegbe tso dzidzime yi dzidzime.’ “Gblɔ na wo be, ‘Israelvi aɖe alo amedzro aɖe si le mia dome, ame si asa numevɔ alo vɔsa bubu aɖe, eye metsɔe va Mawu ƒe Agbadɔ la nu be wòasa vɔ la na Yehowa o la, woaɖe ame ma ɖa le eƒe amewo dome. “ ‘Mado dɔmedzoe ɖe ame sia ame, Israelvi loo alo amedzro si le mia dome, si aɖu lã aɖe ƒe ʋu la ŋu. Maɖee ɖa le eƒe amewo dome. Esi lã aɖe ƒe agbe le eƒe ʋu me ta la, metsɔ lãwo ƒe ʋu na mi be miahlẽ ɖe vɔsamlekpui la dzi abe miaƒe luʋɔwo ŋuti kɔkɔ ene. Ʋue léa avu, elabena eyae nye agbe la. Nu sia tae mede se na Israelviwo alo amedzro siwo le wo dome la be womekpɔ mɔ aɖu lã aɖeke ƒe ʋu o ɖo. “ ‘Ame sia ame, Israelvi loo alo amedzro si le mia dome, si yi adegbe, eye wòwu lã aɖe alo xevi aɖe, si ŋu se ɖe mɔ le be woaɖu la, ele nɛ be wòatsyɔ ʋu la akɔ ɖe anyigba, eye wòakplɔ ke atsyɔ edzi, elabena ʋue nye agbe la, eya tae megblɔ na Israelviwo be womaɖui gbeɖegbeɖe o, elabena xevi ɖe sia ɖe kple lã ɖe sia ɖe ƒe agbee nye eƒe ʋu, eya ta ele be woatsrɔ̃ ame sia ame si aɖu lã ƒe ʋu la. “ ‘Kpe ɖe esia ŋu la, ele na ame sia ame, Israelvi alo amedzro, si aɖu lã aɖe si ku le eɖokui si alo lã aɖe si lã lénu aɖe vuvu la, be wòanya eƒe awuwo, ale tsi, eye eƒe ŋuti mekɔ o va se ɖe fiẽ. Esia megbe la, eƒe ŋuti akɔ. Ke ne menya eƒe awuwo o, eye mele tsi hã o la, ekema eya ŋutɔ akpɔ eyomedzenu.’ ” Gbɔdɔdɔ si ŋu se meɖe mɔ le o Yehowa gblɔ na Mose be, “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. Mele be miawɔ nu abe ale si wowɔna le Egipte, afi si mienɔ la ene o. Nenema ke mele be miawɔ nu abe ale si wowɔna le Kanaan, afi si mele mia kplɔm le yiyim la ene o. Migawɔ woƒe wɔnawo o. Ele be miawɔ nye sewo dzi, eye miakpɔ egbɔ be yewozɔ ɖe nye ɖoɖowo nu. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. Milé nye ɖoɖowo kple nye sewo me ɖe asi, elabena ame si léa wo me ɖe asi la, anɔ agbe ɖe wo nu. Nyee nye Yehowa. “ ‘Mia dometɔ aɖeke megadɔ kple eƒe ƒometɔ o, elabena nyee nye Yehowa. “ ‘Vinyɔnu mekpɔ mɔ aɖe fofoa o. Nenema ke viŋutsu mekpɔ mɔ aɖe dadaa loo alo fofoa srɔ̃ bubuawo dometɔ aɖeke o. “ ‘Gawu la, mekpɔ mɔ aɖe nɔvia nyɔnu, dadaa ƒe vinyɔnu alo fofoa ƒe vinyɔnu ne wodzi wo le aƒe ɖeka me loo alo le teƒe bubuwo o. “ ‘Mègade asi wò tɔgbuiyɔvi nyɔnu si nye viwò ŋutsu ƒe vi alo viwò nyɔnu ƒe vi la ŋu o, elabena woƒe amamae nye wò hã tɔ. “ ‘Mègade asi fofowò srɔ̃ ƒe vinyɔnu ŋu o. “ ‘Eye mègade asi fofowò nɔvinyɔnu hã ŋu o, elabena edo ƒome kplikplikpli kple fofowò. “ ‘Mègade asi dawò nɔvinyɔnu ŋu o, elabena edo ƒome kplikplikpli kple dawò. “ ‘Nenema ke, mègade asi fofowò nɔviŋutsu srɔ̃ ŋuti o, ne fofowò nɔviŋutsu ku alo le agbe o. “ ‘Mègade asi viwò ŋutsu srɔ̃ ŋu o; wò ŋutɔ viwò srɔ̃e; megaɖe amae o. “ ‘Megade asi nɔviwò ŋutsu srɔ̃ ŋu o, elabena nɔviwò ŋutsu ƒe amae. “ ‘Mègade asi nyɔnu aɖe kple via nyɔnu alo mamayɔvia ŋu o, elabena nuwɔna ma nye vɔ̃ɖivɔ̃ɖi manyagblɔ aɖe. “ ‘Mègaɖe nɔvinyɔnu eve o, ne menye nenema o la, woanɔ ŋui ɖom wo nɔewo. Gake ne srɔ̃wò ku la, àte ŋu aɖe nɔvia nyɔnu faa. “ ‘Mègade asi nyɔnu si tsi gbɔto la ŋu o, “ ‘Megade asi hawòvi srɔ̃ ŋu, ale be màgblẽ kɔ ɖo na ɖokuiwò kple nyɔnu la siaa o. “ ‘Mègatsɔ viwò aɖeke na Molek o; atsɔe asa vɔe le eƒe vɔsamlekpui dzi. Mègaƒo ɖi wò Mawu ƒe ŋkɔ o, elabena nyee nye Yehowa. “ ‘Se sesẽ tsi tsitre ɖe ŋutsu kple ŋutsu ƒe wo nɔewo gbɔ dɔdɔ ŋuti, elabena enye nu vɔ̃ triakɔ le Mawu gbɔ. “ ‘Ŋutsu aɖeke mekpɔ mɔ adɔ lãnɔ aɖeke gbɔ, eye wòaƒo ɖi eɖokui o. Nenema ke nyɔnu aɖeke mekpɔ mɔ alɔ̃ lãtsu aɖeke nayɔ asii o. Esia nye ŋukpenanu gã aɖe ŋutɔ. “ ‘Migaƒo ɖi mia ɖokuiwo to mɔ siawo dometɔ aɖeke dzi o, elabena nu siawoe dukɔwo bubuwo wɔna. Esi wowɔa nu siawo ta la, manya wo ɖa le anyigba si dzi yim miele la dzi. Woƒo ɖi anyigba blibo la kple nuwɔna siawo, eya ta mele to hem na ame siwo le afi ma, eye anyigba la atu edzinɔlawo aƒu gbe. Ele be miazɔ ɖe nye sewo kple ɖoɖowo nu tututu, eye mele be miawɔ nu vɔ̃ siawo dometɔ aɖeke o. Ele be Israelvi dzɔleaƒeawo kple amedzro siwo le mia dome siaa la nalé se siawo me ɖe asi sesĩe. Ɛ̃, ame siwo le anyigba si dzi mele mia kplɔm le yiyim dzi la wɔa nu vɔ̃ siawo madzudzɔmadzudzɔe ale gbegbe be anyigba blibo la gblẽ. Migawɔ nu siawo o. Ne miewɔ nu siawo la, anyigba la atu mi aƒu gbe abe ale si wòatu dukɔ siwo le afi ma fifia la aƒu gbe ene. “ ‘Ame sia ame si awɔ ŋunyɔnu siawo dometɔ aɖe la, woaɖe ame ma ɖa le eƒe amewo dome. Milé nye ɖoɖowo me ɖe asi, migadze kɔnu nyɔŋu siwo wowɔna hafi mieva la yome o, eye migatsɔ wo do gu mia ɖokuiwo o. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ ” Se vovovoawo Yehowa gblɔ na Mose be, “Ƒo nu na Israel ƒe ƒuƒoƒo blibo la, eye nàgblɔ na wo be, ‘Minɔ kɔkɔe, elabena nye, Yehowa, miaƒe Mawu, mele kɔkɔe. “ ‘Ele be mia dometɔ ɖe sia ɖe nabu fofoa kple dadaa, eye miaɖo ŋku nye Dzudzɔgbewo dzi. Nyee nye Yehowa miaƒe Mawu. “ ‘Migatrɔ ɖe legbawo ŋu alo miatsɔ ga awɔ mawuwo na mia ɖokuiwo o. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. “ ‘Ne miesa akpedavɔ na Yehowa la, misae tututu ɖe sea nu ale be mate ŋu axɔe. Miɖui le ŋkeke si dzi miesa vɔ la le alo ne ŋu ke. Nu si atsi anyi va se ɖe ŋkeke etɔ̃a gbe la, woatɔ dzoe, elabena esi woaɖu le ŋkeke etɔ̃a gbe la, madze ŋunye o, eye nyemate ŋu axɔe o. Ne mieɖui le ŋkeke etɔ̃a gbe la, mieɖi fɔ, elabena miedo ŋunyɔ Yehowa ƒe kɔkɔenyenye, eye woaɖe mi ɖa tso Yehowa ƒe amewo dome. “ ‘Ne miexa miaƒe agblemenuwo la, migaŋe nuku siwo le agblea to o, eye migafɔ nuku siwo dudu ɖe anyigba hã o. Miwɔ nenema ke le miaƒe wain tsetsewo hã gome. Migagbe kutsetseawo katã o, eye migafɔ esiwo ge ɖe anyigba hã o. Migblẽ wo ɖi na ame dahewo kple amedzro siwo le mia dome, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. “ ‘Migafi fi o. “ ‘Migada alakpa o. “ ‘Ame aɖeke megaba nɔvia o. “ ‘Migatsɔ nye ŋkɔ aka atam ɖe aʋatsonya aɖeke dzi, eye miato nu sia wɔwɔ me aƒo fi ade nye ŋkɔ o, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. “ ‘Migaba ame aɖeke alo ate ame aɖeke ɖe to o. “ ‘Mikpɔ egbɔ be yewoxe fe na yewoƒe agbatedɔwɔlawo kaba. Ne fe aɖe li miaxe na agbatedɔwɔlawo la, migana fe ma natsi mia ŋuti ŋu nake ɖe edzi o. “ ‘Migaƒo fi de tekunɔ o, eye migada nu ɖe ŋkuagbãtɔ si va yina la ƒe mɔ me o. Mivɔ̃ miaƒe Mawu. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. “ ‘Ele be ʋɔnudrɔ̃lawo nafia dzɔdzɔenyenye le woƒe nyametsotsowo me, eye womakpɔ ame aɖeke ƒe ahedada alo hotsuikpɔkpɔ dzi ɖa o. Ele be woawɔ nuteƒe ɣe sia ɣi. “ ‘Mèganye sakplisala anɔ yiyim le wò dukɔ me o. “ ‘Mègade nɔviwò asi be woatso kufia nɛ o, elabena nyee nye Yehowa. “ ‘Mègalé fu nɔviwò o. Ka mo na ame si wɔ nu vɔ̃. Ne ègbe mokaka nɛ la, wò hã èwɔ nu vɔ̃ abe eya ke ene. “ ‘Mègabia hlɔ̃ o. Mègalé nya ɖe dɔ me o, ke boŋ lɔ̃ nɔviwò abe ɖokuiwò ene, elabena nyee nye Yehowa. “ ‘Miwɔ nye seawo dzi. “ ‘Migana lã nayɔ asi lã ƒomevi bubu o. “ ‘Mègaƒã nuku ƒomevi vovovowo ɖe wò agble me o. “ ‘Mègado awu si wotɔ kple avɔ si wotsɔ lãfu tsaka ɖeti lɔ̃ la o. “ ‘Ne ŋutsu aɖe de asi kosi si menye ablɔɖeme o ŋu, eye wòbia eta na ɖeɖe la, woadrɔ̃ ʋɔnu wo le ʋɔnudrɔ̃ƒe, gake womawu wo o, elabena kosi la menye ablɔɖeme o. Ele be ŋutsu la natsɔ eƒe fɔɖivɔsa vɛ na Yehowa le Agbadɔ la ƒe mɔnu. Nu si wòanae nye agbo. Nunɔla la alé avu kple agbo la le nu vɔ̃ si ŋutsu la wɔ ta, eye woatsɔe akee. “ ‘Ne mieva ɖo anyigba la dzi, eye miedo kutsetseti ƒomevi vovovowo la, migaɖu ƒe gbãtɔ etɔ̃awo ƒe tsetseawo o, elabena wole abe nu siwo ŋu wogbe nu le ene. Womaɖu wo o. Woatsɔ ƒe enelia ƒe kutsetsewo katã ana Yehowa abe eƒe kafukafunu ene. Ƒe atɔ̃lia ƒe kutsetsewoe nye mia tɔ. Nyee nye Yehowa miaƒe Mawu. “ ‘Migaɖu lã si me ʋu metsyɔ le la o. “ ‘Migaka afa alo miawɔ adze o. “ ‘Mègalũ wò loglo o, eye mègafɔ wò ge dzi hã o. “ ‘Migasi mia ɖokuiwo alo miasi ame aɖe ŋuti le tsyɔ̃wɔwɔ me o. Nyee nye Yehowa. “ ‘Mègagblẽ viwò ɖetugbi ƒe dzadzɛnyenye me to ewɔwɔ gboloe me o. Ne menye nenema o la, anyigba la azu gbolonyigba, eye ŋukpenanuwo anɔ edzi. “ ‘Milé se si ku ɖe nye Dzudzɔgbe ŋuti la me ɖe asi, eye miade bubu nye Agbadɔ la ŋu, elabena nyee nye Yehowa. “ ‘Migaƒo ɖi mia ɖokuiwo to ŋɔliyɔlawo kple bokɔnɔwo gbɔ dede me o, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. “ ‘Ele be miatsɔ bubu kple sisiɖa si dze la na ame tsitsiwo le Mawuvɔvɔ̃ ta. Nyee nye Yehowa! “ ‘Migate amedzro siwo le miaƒe anyigba dzi la ɖe to o, eye migaba wo o. Ele be mialé be na wo abe mia ɖokuiwo ene, eye miaɖo ŋku edzi be miawo hã mienye amedzrowo kpɔ le Egiptenyigba dzi. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu! “ ‘Migawɔ dzidzenu mademadewo ŋu dɔ ne miele didime, kpekpeme kple agbɔsɔsɔ dzidzem o. Miwɔ nudanu kple nudakpe anukwaretɔwo, nudanu kple nudzidzenu anukwaretɔwo ŋu dɔ. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, ame si ɖe mi tso Egipte. “ ‘Ele be mialé nye sewo kple ɖoɖowo katã me ɖe asi, eye miawɔ wo dzi, elabena nyee nye Yehowa!’ ” Nu vɔ̃wo kple wo ŋuti tohehewo Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Israelviwo be, ‘Ele be woawu Israelvi alo amedzro si le Israel, ame si atsɔ viawo dometɔ aɖe ana Molek. Teƒe ma nɔlawo naƒu kpee. Emegbe nye ŋutɔ mado dɔmedzoe ɖe eŋu, eye maɖee ɖa le eƒe amewo dome, elabena etsɔ via sa vɔe na Molek, eto esia me wɔ nye Agbadɔ wòzu teƒe si medze be maganɔ o, eye wòdo vlo nye ŋkɔ kɔkɔe la. Ne anyigba la dzi tɔwo wɔ abe ɖe womenya naneke tso ame si tsɔ via na Molek ŋu o, eye wogbe be yewomawui o la, ekema nye ŋutɔ mado dɔmedzoe ɖe amea kple eƒe ƒometɔwo ŋu, eye matsrɔ̃ ame siwo katã subɔa Molek alo mawu bubuwo. “ ‘Maɖe ŋku atɔ ame sia ame si adze ŋɔliyɔlawo kple bokɔnɔwo yome, eye madze nye boŋ yome o; matsrɔ̃e ɖa le eƒe amewo dome. “ ‘Eya ta mikɔ mia ɖokuiwo ŋu, eye mianɔ kɔkɔe, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. Miwɔ nye seawo katã dzi, elabena nyee nye Yehowa, ame si kɔa mia ŋuti. “ ‘Ame sia ame si aƒo fi ade fofoa alo dadaa la, ele be woawui kokoko, elabena eƒo fi de eya ŋutɔ ƒe ŋutilã kple ʋu. “ ‘Ne ŋutsu aɖe wɔ ahasi kple ehavi srɔ̃ la, ele be woawu ŋutsu ahasiwɔla la kple nyɔnu ahasiwɔla la siaa. “ ‘Ne ŋutsu aɖe dɔ fofoa srɔ̃ gbɔ la, eɖe fofoa ƒe amama ɖe go. Ele be woawu ŋutsu la kple nyɔnu la siaa, elabena woawo ŋutɔe di ku na wo ɖokui. “ ‘Ne ŋutsu aɖe dɔ toyɔvia gbɔ la, woawu wo ame eve la siaa; woawo ŋutɔe di ku na wo ɖokui to ɖiƒoƒo wo nɔewo me. “ ‘Tohehe si woana ŋutsu eve siwo dɔ wo nɔewo gbɔe nye woawu wo ame eve la. Woawo ŋutɔe di ku na wo ɖokui. “ ‘Ŋutsu si dɔ nyɔnu aɖe kple nyɔnu la dada gbɔ la, wɔ nu vɔ̃ triakɔ aɖe. Woatɔ dzo wo ame etɔ̃ la katã agbagbee be wòaɖe ŋukpenanu vɔ̃ɖi sia ɖa le mia dome. “ ‘Ne ŋutsu aɖe de asi lãnɔ aɖe ŋu la, ele be woawu ŋutsu la kple lãnɔ la siaa, elabena woƒe ʋu anɔ woawo ŋutɔ ƒe ta dzi. “ ‘Ne nyɔnu aɖe na lã aɖe de asi eŋu la, ele be woawu nyɔnu la kple lã la siaa, elabena tohehe mae dze na wo. “ ‘Ne ŋutsu aɖe de asi nɔvia nyɔnu, eɖanye fofoa ƒe vinyɔnu alo dadaa ƒe vinyɔnu ŋu la, enye ŋukpenanu, eye ele be woatsrɔ̃ wo ame eve la ɖa tso Israelviwo dome. Fɔɖiɖi la anɔ ŋutsu la dzi. “ ‘Ne ŋutsu aɖe dɔ nyɔnu aɖe si tsi gbɔto gbɔ la, woatsrɔ̃ wo ame eve la, elabena ŋutsu la ɖe nyɔnu la ƒe makɔmakɔnyenye ɖe go. “ ‘Ŋutsu aɖeke made asi fofoa nɔvinyɔnu alo dadaa nɔvinyɔnu ŋu o, elabena ƒometɔ tututu wonye na wo nɔewo. Woƒe fɔɖiɖi anɔ woawo ŋutɔ dzi. “ ‘Ne ŋutsu aɖe de asi fofoa nɔviŋutsu srɔ̃ alo dadaa nɔviŋutsu srɔ̃ ŋu la, ekema eɖe fofoa nɔviŋutsu alo dadaa nɔviŋutsu la ƒe amama ɖe go. Woƒe tohehee nye woƒe nu vɔ̃ anɔ woƒe ta dzi, eye woatsi ko va se ɖe woƒe kugbe. “ ‘Ne ŋutsu aɖe de asi nɔvia ŋutsu srɔ̃ ŋuti la, ewɔ nu makɔmakɔ, elabena eɖe nɔvia ŋutsu la ƒe amama ɖe go. Woatsi ko va se ɖe woƒe kugbe. “ ‘Eya ta miwɔ nye seawo kple nye ɖoɖowo katã dzi, ale be anyigba si metsɔ na mi la matu mi aƒu gbe o. Migawɔ dukɔ siwo manya ɖa le mia ŋgɔ la ƒe kɔnuwo o, elabena nu tovo siwo katã ŋu mede se na mi le la, woawoe wowɔna. Nu sia tae melé fu wo ɖo. Medo woƒe anyigba ŋugbe na mi. Matsɔe na mi wòazu mia tɔ. Enye anyigba aɖe si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu la, ame si de vovototo miawo kple dukɔ bubuwo ƒe amewo dome. “ ‘Eya ta ele be miade vovototo xe kple lã siwo meɖe mɔ na mi be miaɖu kple esiwo mebe migaɖu o la dome. Migaƒo ɖi mia ɖokui, eye miana magbe nu le mia gbɔ to miaƒe lã kple xe siwo mede se na mi be migaɖu o la ɖuɖu me o, togbɔ be wobɔ ɖe anyigba la dzi fũu hã. Ele be mianye ame kɔkɔewo nam, elabena nye Yehowa la, kɔkɔetɔe menye, eye meɖe mi ɖe aga tso dukɔ bubuwo me tɔwo katã gbɔ be mianye tɔnyewo. “ ‘Ele kokoko be woaƒu kpe ŋɔliyɔlawo alo bokɔwo, woɖanye ŋutsuwo alo nyɔnuwo o, woaku. Woawo ŋutɔe di ku na wo ɖokui.’ ” Nunɔlawo ƒe sewo Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Aron ƒe vi nunɔlawo be, ‘Mele be nunɔla naƒo ɖi eɖokui to asikaka ame kukuwo ŋu me o, negbe eƒe ƒometɔ kekeake ko, abe dadaa alo fofoa, Via ŋutsu alo via nyɔnu, nɔvia ŋutsu, alo nɔvia nyɔnu si meɖe srɔ̃ haɖe o, eye wòle eƒe dzikpɔkpɔ te, esi srɔ̃ mele esi o ta ene. Ate ŋu agblẽ kɔ na eɖokui le nɔvia nyɔnu sia ta. Ele be wòanɔ alea, elabena nunɔla nye kplɔla le ameawo dome, eye mele be wòaƒo ɖi eɖokui abe ame bubu siwo menye nunɔlawo ene o. “ ‘Nunɔla aɖeke mekpɔ mɔ aƒlɔ eƒe ta alo afɔ eƒe ge dzi alo asi eƒe ŋutigbalẽ o. Ele be woanɔ kɔkɔe na woƒe Mawu, eye womado vlo woƒe Mawu la ƒe ŋkɔ o. Esi wònye be woawoe tsɔa dzovɔsa vɛ na Yehowa, nu si nye woƒe Mawu ƒe nuɖuɖu ta la, ele na wo be woanɔ kɔkɔe. Mele be nunɔla naɖe gbolo alo nyɔnu si gbe atsu o, elabena nunɔlawo le kɔkɔe na woƒe Mawu la. Mibu wo be wole kɔkɔe, elabena woawoe tsɔa miaƒe Mawu la ƒe Nuɖuɖunana. Mibu wo kɔkɔe, elabena nye Yehowa mele kɔkɔe, nye ame si wɔ mi miele kɔkɔe. Ne nunɔla aɖe ƒe vinyɔnu gblẽ kɔ ɖo na eɖokui hetrɔ zu gbolo la, edo ŋukpe fofoa, ele be woatɔ dzoe agbagbe. “ ‘Nunɔlagã la, ame si wosi ami ɖe ta na le nɔvia ŋutsuwo dome, eye woɖoe nunɔlae be wòado nunɔlawu la, mele be wòakaka ɖa ɖe ta alo adze awu le eɖokui ŋu o. Mekpɔ mɔ age ɖe teƒe si ame kuku le o. Mekpɔ mɔ hã be wòagblẽ kɔ ɖo na eɖokui, na fofoa alo dadaa gɔ̃ hã o. Mekpɔ mɔ agblẽ eƒe Mawu la ƒe kɔkɔeƒe ɖi alo ado gui o, elabena wokɔ eya amea ŋuti kple eƒe Mawu la ƒe ami kɔkɔe; nyee nye Yehowa. Ele be wòaɖe ɖetugbivi dzadzɛ aɖe. Maɖe ahosi alo nyɔnu si gbe atsu alo nyɔnu si atsu gbe loo alo gbolo o. Ele be wòaɖe ɖetugbi dzadzɛ tso eya ŋutɔ ƒe to la me, elabena mele be wòanye fofo na ɖevi siwo nyɔnu si wòɖe la kplɔ va atsuƒee o; nu sia aɖi gbɔ̃ eya ŋutɔ ƒe viwo le eƒe amewo dome, elabena nyee nye Yehowa, ame si wɔe kɔkɔe.’ ” Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Aron be, ‘Le dzidzime siwo gbɔna me la, nuwɔametɔ aɖeke mekpɔ mɔ ate va be yeatsɔ eƒe Mawu ƒe nuɖuɖu asa vɔ̃e o. Manye le kpɔɖeŋu me, ame si nye ŋkuagbãtɔ alo xɔdrɔ̃, ame si ƒe ŋɔti gbã alo ame si to asibidɛ ade alo afɔbidɛ ade, alo wòŋe ata alo abɔ alo wòɖo kpo alo wònye ame kpui zegede alo tasi le ŋku dzi nɛ, wòdze akpa alo wòɖo vo o. Ne amea nye Aron ƒe dzidzimevi hã la, womeɖe mɔ nɛ be wòawɔ dzovɔsa aɖeke na Yehowa o, le eƒe nuwɔametɔnyenye ta. Womaɖe mɔ nɛ be wòawɔ vɔsa aɖeke na Mawu o. Ke ekpɔ mɔ aɖu nunɔlawo ƒe nu tso vɔ siwo wosa na Mawu la me, tso vɔsa kɔkɔewo kple vɔsa kɔkɔetɔwo kekeake me, gake mekpɔ mɔ ayi xɔmetsovɔ la godo alo ate ɖe vɔsamlekpui la ŋu o, le eƒe nuwɔametɔnyenye ta, ale be magaƒo ɖi nye teƒe kɔkɔe la o, elabena Yehowae kɔ eŋuti.’ ” Ale Mose de se siawo na Aron kple via ŋutsuwo kple Israelviwo katã. Yehowa gblɔ na Mose bena, “Gblɔ na Aron kple via ŋutsuwo be woade bubu vɔsa kɔkɔe siwo ŋu Israelviwo kɔ nam la ŋu, ale be womaƒo ɖi nye ŋkɔ kɔkɔe la o. Nyee nye Yehowa. “Tso azɔ dzi yi mavɔmavɔ me la, ne nunɔla aɖe si ŋu mekɔ o, tsɔ lã siwo amewo tsɔ va sa vɔe alo ka asi nu si Israelviwo tsɔ vɛ na Yehowa ŋu la, woaɖe nunɔlanyenye la le edzi, elabena nyee nye Yehowa. “ ‘Ne Aron viwo dometɔ aɖe nye kpodɔléla alo dze abi si le tsi tsyɔm la, mekpɔ mɔ aɖu vɔsanu kɔkɔewo o va se ɖe esime eƒe lãme nasẽ. Ne nunɔla aɖe ka asi ame kuku aɖe ŋu alo ŋutsu si nye tsi, eye eŋu mekɔ o ŋu, alo wòka asi lã tata alo lã makɔmakɔ aɖe ŋu alo wòka asi ame si ŋuti mekɔ o le nane ta la, nunɔla ma ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ, eye maɖu vɔsanu kɔkɔe aɖeke o va se ɖe esime wòale tsi le fiẽ hafi. Ne ɣe ɖo to la, ekema eŋu akɔ, eye wòate ŋu aɖu nu kɔkɔe la azɔ, elabena eya dzie wòanɔ agbe ɖo. Mekpɔ mɔ aɖu lã aɖeke si ku le eɖokui si alo lã si lã wɔadã aɖe vuvu o, elabena nu sia ana wòagblẽ kɔ ɖo na eɖokui. Nyee nye Yehowa. “ ‘Gblɔ na nunɔlawo be woawɔ se siawo dzi nyuie, ne menye nenema o la, woaɖi fɔ, eye woaku le se siawo dzi dada ta. Nyee nye Yehowa, ame si kɔ wo ŋuti. “ ‘Ame si menye nunɔla o la mekpɔ mɔ aɖu vɔsanu kɔkɔe la o. Nunɔla ƒe amedzro alo agbatedɔwɔla mekpɔ mɔ aɖu nu sia o. Ke ame bubu siwo ate ŋu aɖui koe nye kluvi si nunɔla aɖe ƒle kple eya ŋutɔ ƒe ga kple vi siwo kluvi la dzi le nunɔla la ƒe aƒe me. Ne nunɔla aɖe ƒe vinyɔnu ɖe srɔ̃ tso to bubu me la, mekpɔ mɔ aɖu nu kɔkɔe la o. Ke ne enye ahosi alo eƒe srɔ̃ɖeɖe me gblẽ, viŋutsu aɖeke mele esi akpɔ edzi o, eye wògatrɔ va fofoa ƒe aƒe me la, ekema agate ŋu akpɔ gome le fofoa ƒe nuɖuɖu me. Le ame siawo megbe la, ame siwo mele nunɔlawo ƒe ƒomewo me o la mekpɔ mɔ aɖu nu sia o. “ ‘Ne amedzro aɖe ɖu nu kɔkɔe la le ŋuɖeɖi me la, axe nu si wòɖu la ƒe fe na nunɔla, eye wòatsɔ home la ƒe memama atɔ̃lia ƒe ɖeka akpe ɖe eŋu, elabena ame siwo mekpɔ mɔ aɖu vɔsanu kɔkɔe la o la magblẽ kɔ ɖo na vɔsanu kɔkɔe siwo Israelviwo tsɔ vɛ la o, elabena Yehowae wotsɔ vɔsanu siawo vɛ na. Ne ame aɖe da le se sia dzi la, eɖi fɔ, eye wòde eɖokui dzɔgbevɔ̃e gã aɖe me, elabena eɖu nunana kɔkɔe la, elabena nyee nye Yehowa, ame si kɔa nunanawo ŋuti.’ ” Vɔsa siwo medze o Yehowa gblɔ na Mose be, “Ƒo nu na Aron kple via ŋutsuwo kple Israelviwo katã, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne mia dometɔ aɖe, dzɔleaƒea alo amedzro si le Isreal sa numevɔ na Yehowa abe adzɔgbeɖefexexe ene loo alo nunana le lɔlɔ̃nu ene la, Yehowa axɔe, ne enye lãtsu si de blibo, eye wònye nyitsuvi fɛ̃ alo alẽ alo gbɔ̃. Mele be woana nu si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke le la o, elabena Mawu maxɔe o. Ne ame aɖe be yeasa akpedavɔ na Yehowa tso eƒe lãhawo me, abe adzɔgbeɖefexexe ene loo alo abe nu si tso eƒe dzi me nana ko ene la, ele be wòana lã aɖe si de blibo. Ne mele alea o la, Yehowa maxɔ eƒe nunana la o. Womatsɔ lã si nye ŋkuagbãtɔ alo lã si afi aɖe gblẽ na alo lã si dze abi alo akpa alo le ŋutigbalẽmedɔ bubu aɖe lém la vɛ na Yehowa o. Medze na numevɔsa le Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi o. Ne nane de gbɔ edzi alo nane mede tututu o le nyitsu alo alẽ si wotsɔ vɛ ƒe ŋutilã ŋu la, woate ŋu anae abe lɔlɔ̃nununana ene, ke menye hena adzɔgbeɖefexexe o. Womatsɔ lã si nuvevi wɔ voku na alo lã si wota la ana Yehowa ɣe aɖeke ɣi o. Amedzro siwo le mia dome kple Israelviwo siaa woawɔ se siawo dzi le vɔsanuwo nana me, elabena Mawu maxɔ lã si ŋu nane gblẽ le la na vɔsa sia o.’ ” Yehowa gblɔ na Mose be, “Ne wodzi nyivi alo alẽvi alo gbɔ̃vi aɖe la, woana wòanɔ dadaa gbɔ ŋkeke adre. Tso ŋkeke enyilia dzi la, woaxɔe abe dzovɔsa ene na Yehowa. Mègawu nyi alo alẽ kple via le ŋkeke ɖeka dzi o. “Ne èsa akpedavɔ na Yehowa la, sae ale be woate ŋu axɔe na wò. Ele be woaɖui gbe ma gbe ke; mègagblẽ eƒe ɖeke ɖi va se ɖe ŋdi o. Nyee nye Yehowa. “Ele be mialé nye seawo me ɖe asi, eye miawɔ wo dzi. Nyee nye Yehowa. Migaƒo ɖi nye ŋkɔ kɔkɔe la o. Ele be Israelviwo nabum ame kɔkɔe. Nyee nye Yehowa, ame si wɔ mi kɔkɔe, eye mekplɔ mi tso Egipte be manye miaƒe Mawu. Nyee nye Yehowa.” Ŋkekenyui vovovoawo Yehowa gblɔ na Mose be, “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Esiawoe nye nye ŋkekenyui ɖoɖiwo, Yehowa ƒe ŋkekenyui ɖoɖi siwo miaɖe gbeƒãe abe takpekpe kɔkɔewo ene. Dzudzɔgbe la “ ‘Esiawo akpe ɖe miaƒe dzudzɔgbewo ŋuti, dzudzɔgbe siawoe nye kɔsiɖa la ƒe ŋkeke adrea gbe, eye wònye ŋkeke siwo dzi miadzudzɔ le ɣe sia ɣi le miaƒe aƒewo me; miakpe ta asubɔm, eye miadzudzɔ tso miaƒe gbe sia gbe dɔwo wɔwɔ me. Ŋutitotoŋkekenyui kple Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui “ ‘Esiawoe nye Yehowa ƒe ŋkeke kɔkɔe ɖoanyiawo, takpekpe kɔkɔe siwo miayɔ le ɣeyiɣi ɖoɖiawo dzi. Yehowa Ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la adze egɔme le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienea gbe le fiẽ. “ ‘Le ɣleti gbãtɔ ma ke ƒe ŋkeke wuiatɔ̃a gbe la, Yehowa ƒe Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui adze egɔme. Hena ŋkeke adre la, miaɖu abolo si me womede amɔʋãtike o. Le ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, àƒo ameawo nu ƒu hena mawusubɔsubɔ, eye miawɔ dɔ aɖeke o. Hena ŋkeke adre la, miawɔ dzovɔsa na Yehowa, eye le ŋkeke adrelia dzi la, yɔ takpekpe kɔkɔe, eye miawɔ dɔ aɖeke le ŋkeke la dzi o.’ ” Kutsetse gbãtɔwo ƒe Ŋkekenyui Yehowa gblɔ na Mose be, “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne mieɖo anyigba si mele mia na ge dzi, eye miexa nukuwo la, mitsɔ lu babla gbãtɔ vɛ na nunɔla la. Ele be wòanye lu babla la le yame le Yehowa ŋkume, ale be wòaxɔe na mi. Nunɔla la anyee le Yehowa ŋkume le Dzudzɔgbe la ƒe ŋufɔke. Gbe ma gbe ke miatsɔ alẽvi si xɔ ƒe ɖeka, eye wòle blibo la asa numevɔe na Yehowa. Miatsɔ wɔ memee kilogram eve si woblu kple ami la asa numevɔ na Yehowa, eye wòanye ʋeʋẽ lĩlĩlĩ nɛ. Emegbe la, miatsɔ wain lita ɖeka asa nunovɔ. Miekpɔ mɔ aɖu abolo aɖeke, bli tɔtɔe alo bli yeye aɖeke o va se ɖe ŋkeke si dzi miawɔ vɔsa sia na miaƒe Mawu la. Esia anye ɖoɖo mavɔ na mi hena dzidzime siwo ava dzɔ le afi sia afi si mianɔ la. Kɔsiɖawo ƒe Ŋkekenyui “ ‘Tso Dzudzɔgbe la ƒe ŋufɔke, gbe si gbe mietsɔ lu babla gbãtɔ vɛ, eye mienyee le yame la, xlẽ kɔsiɖa blibo adre. Xlẽ ŋkeke blaatɔ̃ va se ɖe ŋkeke si dze Dzudzɔgbe adrelia dzi, eye miasa vɔ kple nuŋeŋe yeyewo na Yehowa. Nunana sia anye abolo eve tso miaƒe aƒewo me, eye woanye wo le yame le Yehowa ŋkume abe wo tsɔtsɔ nɛ ƒe dzesi ene. Mitsɔ wɔ memee si ʋã la kilogram eve wɔ abolo siawo. Nunana sia nye miaƒe kutsetse gbãtɔwo na Yehowa. Kpe ɖe abolo kple wain ŋuti la, miatsɔ alẽvi adre siwo xɔ ƒe ɖeka, nyitsu fɛ̃ ɖeka kple agbo eve siwo de blibo la asa numevɔ na Yehowa. Wo katã nye dzovɔsawo eye wonye ʋeʋẽ lĩlĩlĩ na Yehowa. Emegbe la, miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, eye miatsɔ alẽvi eve siwo xɔ ƒe ɖeka la asa akpedavɔe. Nunɔla la anye nunana siawo le yame le Yehowa ŋkume hekpe ɖe nu gbãtɔwo ƒe abolo ŋu, kpakple alẽvi eveawo siwo nye nu kɔkɔewo na Yehowa, eye woatsɔ wo ana nunɔlawo abe woƒe nuɖuɖu ene. Woaɖe gbeƒã ŋkeke ma abe amewo katã ƒe takpekpe kɔkɔe ƒe ɣeyiɣi ene. Migawɔ dɔ aɖeke le ŋkeke ma dzi o. Esia nye se si dzi woawɔ tso dzidzime yi dzidzime. “ ‘Ne miexa miaƒe nukuwo la, mele be miaŋe nu sia nu va se ɖe boto ke o, eye mele be miafɔ nukui siwo dudu ɖe anyigba o. Migblẽ wo ɖi na ame dahewo kple amedzro siwo le mia dome, ame siwo si anyigba mele o. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ ” Kpẽwo ƒe Ŋkekenyui Yehowa gblɔ na Mose bena, “Gblɔ na Israelviwo be, ‘Le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, ele be miadzudzɔ mia ɖokui, wòanye takpekpe kɔkɔe si dzi woaɖo ŋkui kple kpẽkuku. Migawɔ gbe sia gbe dɔwo o, ke boŋ misa dzovɔ na Yehowa.’ ” Avuléŋkekenyui la Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ nye Avuléŋkekenyui la. Miwɔ takpekpe kɔkɔe, miatsi nu adɔ, eye miasa dzovɔ na Yehowa. Migawɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o, elabena enye avuléŋkeke tɔxɛ le Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume. Ne ame aɖe mewɔ ŋkeke sia ŋu dɔ hena dzimetɔtrɔ kple konyifafa ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta o la, woatsrɔ̃e ɖa le eƒe amewo dome. Matsrɔ̃ ame sia ame si awɔ dɔ aɖe gbe ma gbe la tso eƒe amewo dome. Miawɔ dɔ aɖeke kura o. Ele be esia nanye ɖoɖo mavɔ na dzidzime siwo ava va le afi si mianɔ. Ŋkeke sia nye dzudzɔgbe; miabɔbɔ mia ɖokui, eye miase veve ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta. Avuléɣeyiɣi sia adze egɔme tso fiẽ si do ŋgɔ na Avuléŋkekenyui la, eye wòayi edzi va se ɖe ŋkekenyui la ƒe fiẽ.” Agbadɔmeŋkekenyui Yehowa gblɔ na Mose bena, “Gblɔ na Israelviwo be, ‘Le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi la, Yehowa ƒe Agbadɔmeŋkekenyui la adze egɔme eye woaɖui ŋkeke adre. Ameawo katã awɔ takpekpe kɔkɔe le ŋkeke gbãtɔ dzi. Migawɔ dɔ sesẽ aɖeke gbe ma gbe o. Le ŋkekenyui la ƒe ŋkeke adreawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi la, ele be miasa dzovɔ na Yehowa. Ameawo katã agawɔ takpekpe kɔkɔe bubu le ŋkeke enyia gbe. Woagasa dzovɔ na Yehowa gbe ma gbe. Enye dzidzɔɣeyiɣi aɖe, eye womeɖe mɔ be woawɔ dɔ sesẽ aɖeke o.’ (“ ‘Esiawoe nye ŋkekenyui siwo miaɖu atsɔ de bubu Yehowa ŋu; ameawo katã awɔ takpekpe kɔkɔewo, eye woasa dzovɔwo, numevɔ, nuɖuvɔ, akpedavɔ kple nunovɔ na Yehowa. Ŋkeke ɖe sia ɖe kple etɔ Ƒe sia ƒe ƒe ŋkekenyui siawo kpe ɖe kɔsiɖa ɖe sia ɖe ƒe Dzudzɔgbe ŋu. Vɔ siwo woasa le ŋkekenyui siawo dzi la akpe ɖe miaƒe ɣe sia ɣi ƒe nunanawo kple adzɔgbeɖefewo ŋu.) “ ‘Anyɔnyɔ ƒe ŋkeke mamlɛtɔ sia, si le miaƒe nuŋeɣi ƒe nuwuwu lae nye ɣeyiɣi si dzi miaɖu ŋkekenyui sia ŋkeke adre le Yehowa ŋkume. Miɖo ŋku edzi be ŋkeke gbãtɔ kple mamlɛtɔ nye dzudzɔgbe kɔkɔewo. Le ŋkeke gbãtɔ dzi la, mitsɔ kutsetseti ƒe alɔ siwo dzi kutsetsewo le kple deʋaya kple atilɔ siwo do abe amiti siwo le tɔʋuwo to ene; mitsɔ wo tu agbadɔwo. Mitso aseye le Yehowa miaƒe Mawu ŋkume ŋkeke adre sɔŋ. Ŋkekenyui sia, si woaɖu na Yehowa ŋkeke adre, ƒe sia ƒe la, nye se tso dzidzime yi dzidzime. Le ŋkeke adre mawo me la, ele be mi ame siwo katã nye Israelvi dzidziawo la, mianɔ agbadɔ siawo me. Nu sia ƒe taɖodzinue nye be woaɖo ŋku edzi na Israelviwo, tso dzidzime yi dzidzime be meɖe mi tso Egiptenyigba dzi, eye mena mienɔ agbadɔwo me. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ ” Ale Mose ɖe gbeƒã Yehowa ƒe ŋkekenyui siwo woaɖu ƒe sia ƒe la na Israelviwo. Ami kple abolo si woatsɔ aɖo Yehowa ƒe ŋkume Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Israelviwo be woana amiti ƒe ami nyuitɔ wò nàde akaɖiawo me le agbadɔ la me, ale be akaɖiawo nanɔ bibim ɣe sia ɣi. Le Mawu ƒe Agbadɔ la ƒe xɔmetsovɔ megbe la, Aron akpɔ akaɖiawo dzi woanɔ bibim zã kple keli le Yehowa ŋkume. Esia nye se mavɔ na Israelviwo tso dzidzime yi dzidzime. Woakpɔ akaɖi siwo le sikakaɖiti la dzi le Yehowa ŋkume la dzi ɣeawo katã ɣi. “Le Dzudzɔgbe ɖe sia ɖe dzi la, nunɔlagã atsɔ abolo bɔbɔe wuieve si wotsɔ wɔ kilogram etɔ̃ me ɖe sia ɖe, ada ɖe fli eve me: ade nanɔ fli ɖeka me le sikakplɔ̃ si le tsitre ɖe Yehowa ŋkume la dzi. Woatsɔ wɔ memee kilogram wuieve ame abolo ɖe sia ɖe. Woawu lifi ɖe fli eveawo dzi. Esia anye dzovɔsa na Yehowa, Woaɖoe Yehowa ƒe ŋkume ɖaa Dzudzɔgbe sia Dzudzɔgbe, eye miatsɔe aɖo ŋku Mawu ƒe nubabla mavɔ si wòwɔ kple Israelviwo la dzi. Aron kple via ŋutsuwo aɖu abolo la le teƒe tɔxɛ si woɖo na aboloawo ɖuɖu, elabena esiawoe nye dzovɔ si wosa na Yehowa le eƒe se mavɔ la nu. Wonye nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔewo.” Woƒu kpe busunyagblɔla aɖe Gbe ɖeka, le asaɖa la me la, ɖekakpui aɖe si dada nye Israel nyɔnu, eye fofoa nye Egiptetɔ la wɔ avu kple Israel ŋutsu aɖe. Le avu sia wɔwɔ me la, Israel nyɔnu la ƒe vi gblɔ busunya ɖe Mawu ŋu, eye wohee va Mose gbɔ be wòadrɔ̃ ʋɔnui. (Dadaa ŋkɔe nye Selomit, Dibri ƒe vinyɔnu, tso Dan ƒe to la me.) Wodee gaxɔ me va se ɖe esime Yehowa aɖe nu si woawɔe la afia. Yehowa gblɔ na Mose be, “Kplɔ busunyagblɔla la yi asaɖa la godo. Ame siwo katã se eƒe busunyagbɔgblɔ la ada asi ɖe eƒe ta dzi, eye takpelawo katã aƒu kpee. Gblɔ na Israelviwo be, ‘Ne ame aɖe ƒo fi de eƒe Mawu la, ekema eɖi fɔ; woawu ame sia ame si ado vlo Yehowa ƒe ŋkɔ. Ame sia ame si le ameha la me aƒu kpee. Eɖanye dzɔleaƒea loo alo amedzro, ne edo vlo Ŋkɔ la ko, woawui. “ ‘Kpe ɖe esia ŋuti la, woawu hlɔ̃dolawo katã. Ne ame aɖe wu lã aɖe si menye etɔ o la, ele be wòaɖoe eteƒe. To si woahe na ame aɖe si awɔ nuvevi ame aɖe lae nye be woawɔ nuvevi ma tututu eya hã le mɔ ma ke nu: ƒuŋeŋe ɖe ƒuŋeŋe teƒe, ŋku ɖe ŋku teƒe, aɖu ɖe aɖu teƒe. Nu sia nu si ame aɖe awɔ nɔvia la, woawɔ nu ma tututu eya hã. “ ‘Megale egblɔm be ne ame aɖe wu ame bubu aɖe ƒe lã la, ele be wòaɖo eteƒe, eye ne ame aɖe wu ame la, woawu eya hã. Se siwo miatsɔ akplɔ amedzrowo la, woawo kee miatsɔ akplɔ Israelvi dzɔleaƒeawo hã, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ ” Ale Mose ƒo nu na Israelviwo eye wohe ɖekakpui la yi asaɖa la godo, eye woƒu kpee va se ɖe esime wòku abe ale si Yehowa de se na Mose ene. Sabatƒe la Yehowa gblɔ na Mose le Sinai to la dzi bena, “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne miege ɖe anyigba si mele mia na ge dzi la, ele be anyigba la naɖu dzudzɔgbe na Yehowa. Miaƒã miaƒe nukuwo, aɖe miaƒe waintiwo ŋu, eye miaxa miaƒe agblemenukuwo, ke le ƒe adrelia me la, miagblẽ anyigba la ɖi le Yehowa ŋkume; miagade agble ɖe edzi o. Migaƒã nukuwo o, eye migaɖe miaƒe waintiwo ŋu le ƒe blibo la me o. Migaŋe nuku siwo mie le wo ɖokuiwo si o; migagbe wain tsetsewo gɔ̃ hã na mia ɖokuiwo o, elabena ƒe adrelia nye dzudzɔƒe na anyigba la. Nuɖuɖu ɖe sia ɖe si ado tso anyigba la me le dzudzɔƒe la me la, anye nuɖuɖu na mi, na wò ŋutɔ, wò ŋutsusubɔla kple wò nyɔnusubɔla kple agbatedɔwɔla kple ame si le gbɔwò le ŋkeke mawo me ko, hekpe ɖe wò aƒemelãwo kple lã wɔadã siwo le wò anyigba dzi la ŋu. Nu sia nu si anyigba la na la, woate ŋu aɖui. Aseyetsoƒe la “ ‘Xlẽ dzudzɔƒe teƒe adre ale be dzudzɔƒe teƒe adreawo ƒe teƒe adre nanye ƒe blaene-vɔ-asiekɛ. Ekema na woaku kpẽ le afi sia afi le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke ewoa gbe; le Avuléŋkeke la dzi la, na woaku kpẽ le wò anyigba blibo la dzi. Kɔ ƒe blatɔ̃lia ŋuti, eye nàɖe gbeƒã ablɔɖe le anyigba blibo la dzi na edzinɔlawo. Anye Aseyetsoƒe na mi. Mia dometɔ ɖe sia ɖe atrɔ ayi eƒe ƒome ƒe nunɔamesiwo gbɔ, eye ame sia ame atrɔ ayi eƒe to si me wòtso la me. Ƒe blaatɔ̃lia anye Aseyetsoƒe na mi. Migaƒã nu alo axa nuku siwo mie le woawo ŋutɔ ɖokui si alo agbe waintsetse siwo tsi gbe me o, elabena Aseyetsoƒe kɔkɔe aɖee wònye na mi. Le ƒe ma me la, miaƒe nuɖuɖu anye nuku siwo miexa tso agble me. “ ‘Ɛ̃, le ƒe ma me la, ame sia ame atrɔ ayi wo de, ayi nu si nye eƒe ƒomea tɔ la gbɔ; ne edzra nane la, woagbugbɔe nɛ! “ ‘Ne èdzra anyigba na Israelvi aɖe alo ƒlee le esi la, mègabae o. Aseyetsoƒe la ŋu nàƒle nu le nɔviwo si ɖo, eye ƒe ale si sinu nàŋe nu la ŋu wòadzrae na wò ɖo. Ne Aseyetsoƒe la le ŋgɔ ƒe geɖe la, anyigba la ƒe home akɔ. Ke ne ƒe ʋɛ aɖewo koe susɔ la, asi la abɔbɔ, elabena nu si ŋuti wole asi dom ɖo lae nye agblemenuku siwo anyigbatɔ yeye la akpɔ le anyigba la dzi. Migaba mia nɔewo o, ke boŋ mivɔ̃ miaƒe Mawu; nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. “ ‘Milé nye ɖoɖowo me ɖe asi, eye miakpɔ egbɔ be yewowɔ nye seawo dzi, ekema mianɔ dedie le anyigba la dzi. Ne miewɔ seawo dzi la, miaƒe agblemenukuwo aʋã, eye miaɖu nu aɖi ƒo. Ke miabia be, “Nu ka míaɖu le ƒe adrelia me esi womeɖe mɔ na mí be míaƒã nu alo aŋe nu le ƒe ma me o?” Mayra mi le ƒe adelia me ale gbegbe be anyigba la ana nuɖuɖu si asu mia nu ƒe etɔ̃. Ne mieƒã nukuwo le ƒe enyilia me la, miaɖu miaƒe nu xoxowo, eye miayi wo ɖuɖu dzi va se ɖe esime ƒe asiekɛlia ƒe nuŋeɣi naɖo. “ ‘Miɖo ŋku edzi be tɔnyee nye anyigba la, eya ta migadzrae ɖikaa o. Gbɔnyenɔlawo kple amedzro siwo le agble dzi nam ko mienye! Le anyigbadzadzra ƒe ɖoɖo ɖe sia ɖe me la, ele be woaɖo kpe edzi be anyigbadzrala la agate ŋu agbugbɔ anyigba la axɔ ɣe sia ɣi. “ ‘Ne hiã tu ame aɖe, eye wòdzra eƒe anyigba ƒe akpa aɖe la, ekema eƒe ƒometɔ tututuwo ate ŋu axe fe ɖe eta, axɔe. Ne ƒometɔ aɖeke meli si ate ŋu axɔe o, eye wòva kpɔ ga emegbe la, ekema eya ŋutɔ agate ŋu aƒlee ɣe sia ɣi, eye wòaxe ga ɖe eta ɖe nuŋeɣi siwo susɔ hafi Aseyetsoƒe naɖo la nu. Ele be anyigbaƒlela la naxɔ ga la, eye wòagbugbɔ anyigba la na anyigbatɔ gbãtɔ. Ke ne anyigbatɔ gbãtɔ la mete ŋu gbugbɔe ƒle o la, ekema anyigba la anye eƒlela la tɔ va se ɖe Aseyetsoƒe la dzi. Ke ele be wòagbugbɔe na anyigbatɔ la le Aseyetsoƒe la me kokoko. “ ‘Ne ame aɖe dzra eƒe aƒe le du si woɖo gli ƒo xlãe me la, agate ŋu axɔe le ƒe ɖeka me ko. Ke ne mete ŋu xɔe le ƒe ɖeka ma me o la, ekema azu eƒlela kple eƒe dzidzimeviwo tɔ ɖikaa, eye magbugbɔ ayi edzrala ƒe asi me le Aseyetsoƒe la gɔ̃ hã me o. Ke aƒe siwo le du siwo womeɖo gli ƒo xlã o me ya la le ko abe aƒe siwo wotso ɖe agblewo dzi ene, eya ta woate ŋu agbugbɔ wo axɔ ɣe sia ɣi, eye woagbugbɔ wo na nutɔ gbãtɔwo le Aseyetsoƒe la me kokoko. “ ‘Mele alea le Levitɔwo ya gome o. Levitɔwo ya ate ŋu agbugbɔ woƒe aƒewo axɔ ɣe sia ɣi, le du siwo wotsɔ na wo la me, ke ne Levitɔ aɖeke mexɔe o la, ekema woaɖe asi le aƒe si wodzra le woawo ŋutɔ ƒe du me la ŋuti le Aseyetsoƒe la dzi, elabena Levitɔwo ƒe duwo nye woawo ŋutɔ tɔ le Israelviwo dome. Womeɖe mɔ na Levitɔwo be woadzra lãnyiƒenyigba siwo ƒo xlã woƒe duwo o, elabena wonye wo tɔ ɖikaa, eye womagate ŋu anye ame bubu aɖeke tɔ o. “ ‘Ne hiã tu hawòvi, Israelvi, eye magate ŋu akpɔ eɖokui dzi o la, enye wò dɔdeasi be nàkpe ɖe eŋu. Na wòava nɔ gbɔwò le wò aƒe me abe amedzro si dze gbɔwò ene. Mègaxɔ deme ɖe ga si nèdo nɛ la dzi o, ke boŋ vɔ̃ wò Mawu, eye nàna wòanɔ gbɔwò. Ɖo ŋku edzi be deme aɖeke mele eme o, eye nàna nu sia nu si hiãe la adzɔmaxɔe. Mègati viɖe yome o. Esiae nye sedede tso nye, Yehowa, miaƒe Mawu la gbɔ, ame si kplɔ mi tso Egiptenyigba dzi be matsɔ Kanaanyigba ana mi, eye manye miaƒe Mawu. “ ‘Ne nɔviwò Israelvi aɖe ɖo ko, eye wòdzra eɖokui na wò la, mele be nàwɔ eŋu dɔ abe kluvi bubuawo ene o, ke boŋ nàbui abe wò agbatedɔwɔla alo wò amedzro ene, eye wòasubɔ wò va se ɖe Aseyetsoƒe la me. Le Aseyetsoƒe la me la, ate ŋu adzo kple viawo, eye wòatrɔ ayi eya ŋutɔ ƒe ƒometɔwo kple eƒe domenyinuwo gbɔ. Esi wònye nyee kplɔ mi tso Egiptenyigba dzi, eye nye subɔlawo mienye ta la, mele be woadzra mi abe kluvi bubuawo ene loo alo awɔ fu mi o. Mivɔ̃ miaƒe Mawu. “ ‘Miate ŋu aƒle kluviwo tso dukɔ bubu siwo ƒo xlã mi la me, eye miate ŋu aƒle amedzro siwo ƒo xlã mi la ƒe viwo, togbɔ be wodzi wo le miaƒe anyigba dzi hã. Woanye kluviwo na mi tegbetegbe, eye miagblẽ wo ɖi na mia viwo. Ke mele be miawɔ mia nɔvi, Israelviwo ya nenema o. “ ‘Ne amedzro aɖe si le mia dome zu hotsuitɔ, eye ne Israelvi aɖe ɖo ko, eye wòdzra eɖokui na amedzro hotsuitɔ la alo hotsuitɔ la ƒe ƒometɔ la, Israelvi la nɔviŋutsu, fofoa alo dadaa nɔviŋutsu, nɔvia ŋutsu alo nɔvia nyɔnu, viŋutsu alo ame sia ame si nye eƒe ƒometɔ tututu la ate ŋu axɔe. Eya ŋutɔ hã ate ŋu axɔ eɖokui ne ate ŋu akpɔ ga home la. Fe si wòaxe ɖe eƒe ablɔɖe ta la, aku ɖe ƒe siwo susɔ hafi Aseyetsoƒe la naɖo la ŋu. Esɔ kple fe si woaxe na agbatedɔwɔlawo le ƒe mawo me. Ne ƒe geɖewo ava yi hafi Aseyetsoƒe la naɖo la, ekema amea axe ga si wòxɔ esime wòdzra eɖokui la ƒe akpa gãtɔ. Ne ƒeawo va yi, eye wòsusɔ ƒe ʋɛ aɖewo ko Aseyetsoƒe la naɖo la, ekema axe ga si wòxɔ esi wòdzra eɖokui la ƒe akpa sue aɖe ko. Ne edzra eɖokui na amedzro aɖe la, ele be amedzro la nalé be nɛ abe agbatedɔwɔla ene, ke mawɔ eŋu dɔ abe kluvi alo nu si nye etɔ la ene o. “ ‘Ne womete ŋu xɔe hafi Aseyetsoƒe la ɖo o la, ekema woana ablɔɖe eya ŋutɔ kple viawo le Aseyetsoƒe la me. Elabena nye amewoe nye Israelviwo. Nyee ɖe wo tso Egiptenyigba dzi. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ ” Yayra siwo dzea sedziwɔwɔ yome “ ‘Legba aɖeke meganɔ mia si o. Migasubɔ aklamakpakpɛwo, aƒeliwo alo kpe kpakpɛwo gbeɖegbeɖe o, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. “ ‘Miwɔ nye Dzudzɔgbe ƒe sewo dzi, eye miade bubu nye Agbadɔ ŋu, elabena nyee nye Yehowa. “ ‘Ne miewɔ nye seawo katã dzi la, mana tsi nadza na mi le tsidzaɣi, anyigba ana eƒe nuɖuɖu, eye gbemetiwo atse woƒe kutsetsewo. Miaƒe luƒoƒo ayi edzi va se ɖe wainxaɣi, wainxaɣi ayi edzi va se ɖe nuƒãɣi, miaɖu nu siwo katã ahiã mi, eye mianɔ miaƒe anyigba dzi le dedinɔnɔ me, elabena mana ŋutifafa mi. Miamlɔ anyi, adɔ alɔ̃ le dziɖeɖi me. Manya lã wɔadãwo ɖa le mia ŋgɔ. Mianya miaƒe futɔwo ɖe du nu; woaku ɖe miaƒe yi nu. Mia dometɔ atɔ̃ anya ame alafa ɖeka ɖe du nu, eye mia dometɔ alafa ɖeka anya ame akpe ewo! Miaɖu miaƒe futɔwo katã dzi. Makpɔ mia dzi, mana miadzi asɔ gbɔ, eye mawɔ nu si mebla kpli mi la dzi. Miaƒe nukuwo asɔ gbɔ na mi wu ale si miehiã ale gbegbe be miaganya nu si miawɔ kple esi atsi anyi o, eye mianya ɣeyiɣi si nuŋeɣi agaɖo o! Manɔ mia dome; mianye ŋunyɔnu nam o. Mazɔ le mia dome, manye miaƒe Mawu, eye miawo mianye nye amewo, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, ame si kplɔ mi tso Egiptenyigba dzi, ale be miaganye kluviwo azɔ o. Meɖe kɔkuti le kɔ dzi na mi, ale be miazɔ abe ablɔɖemewo kple bubumewo ene.’ ” Tohehe siwo dzea sedzimawɔmawɔ yome “Ke ne miaɖo tom alo awɔ nye seawo dzi o, ke boŋ miagbe nye ɖoɖowo la, ekema nu si mawɔ mie nye: mado ŋɔdzi na mi kple asrã sesẽtɔ. Dɔléle aɖe fu na miaƒe ŋkuwo, eye gbɔdzɔgbɔdzɔ age ɖe miaƒe agbenɔnɔ me. Dzodzroe miaƒã miaƒe nukuwo, elabena miaƒe futɔwoe aɖu wo. “Maɖe ŋku atɔ mi; miasi le miaƒe futɔwo nu. Ame siwo lé fu mi la aɖu mia dzi. Gawu la, miade asi sisi me, togbɔ be ame aɖeke manɔ mia nyam o hã! “Ne miegagbe toɖoɖom kokoko la, mahe to na mi vevie zi adre ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta. Maɖe miaƒe ŋusẽ si dzi miedana ɖo la dzi, mana dziƒo nanɔ na mi abe gayibɔ ene, eye anyigba nanɔ na mi abe akɔbli ene. Miadagba dzodzro, elabena miaƒe anyigba mana miaƒe nukuwo naʋã o, eye miaƒe kutsetsetiwo matse ku o. “Ne miagaɖo tom ɣe ma ɣi hã o la, mana dɔvɔ̃ bubu adre nava mia dzi ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta. Maɖo lã wɔadãwo ɖa be woawu mia viwo, avuvu miaƒe aƒemelãwo, aɖe miaƒe xexlẽme dzi akpɔtɔ, ale be amewo avɔ le miaƒe mɔwo dzi. “Eye ne nu siawo gɔ̃ hã mana miatrɔ dzi me o, ke boŋ miagayi tsitretsitsi ɖe nye didiwo ŋu dzi la, ekema nye hã matsi tsitre ɖe miaƒe didiwo ŋu, eye nye ŋutɔ gɔ̃ hã mafia fu mi zi adre ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta. Mabia hlɔ̃ mi le ale si miegbe nye nubabla dzi wɔwɔ ta, to aʋawɔwɔ hehe va mia dzi me. Miasi ayi miaƒe duwo me, eye maɖo dɔvɔ̃ ɖe mia dome le afi ma. Miaƒe futɔwo aɖu mia dzi. Magblẽ miaƒe nuɖuɖu ƒe dzɔtsoƒe me, ale be abolokpo ɖeka pɛ ame abolo na ƒome ewo. Ne mieɖu nu sue si aka mia si vɔ la, dɔ agawu mi kokoko. “Ne miagagbe toɖoɖom kple nye sewo dzi wɔwɔ kokoko la, ekema mana nye dɔmedzoe sesẽ la nabi ɖe mia ŋu, eye mana tohehe si dzi ŋɔ zi adre wu tsãtɔwo la nava mia dzi le miaƒe nu vɔ̃wo ta. Miaɖu miawo ŋutɔ mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo, makaka vɔsamlekpui siwo le towo dzi, afi si miedea ta agu na legbawo le. Magbã miaƒe dzudzɔdovɔsamlekpuiwo, miaƒe ame kukuwo aƒaƒã ɖe miaƒe legbawo dome, eye mianyɔ ŋu nam. Mana miaƒe du gãwo nazu aƒedowo, magblẽ miaƒe mawusubɔƒewo, eye miaƒe dzudzɔdovɔsamlekpuiwo magadze ŋunye o. Ɛ̃, mana miaƒe anyigba nazu gbegbe, miaƒe futɔwo axɔ miaƒe anyigba, eye woƒe nu aku le nu si mewɔ mi la ta. “Makaka mi ɖe dukɔwo dome, eye ne mieyina la, mana aʋa nasi mi. Miaƒe anyigba azu gbegbe, eye miaƒe du gãwo agbã. Ekema anyigba la akpɔ gbɔdzɔe le ɣeyiɣi siwo katã wònye gbegbe la me, esime miele miaƒe futɔwo ƒe anyigba dzi, ekema anyigba la adzudzɔ, eye wòakpɔ eƒe gbɔdzɔe. Le ɣeyiɣi siwo katã me wònye gbegbe la, anyigba la akpɔ dzudzɔ si mekpɔ le dzudzɔgbe siwo mienɔ edzi la kpɔ o. “Mana woaɖe aboyo ame siwo aganɔ agbe la ayi didiƒenyigbawo dzi abe aʋaléleawo kple kluviwo ene. Woanɔ afi ma kple dzodzo nyanyanya ɣe sia ɣi. Ne ya ƒo aŋugba la, eƒe gbeɖiɖi ana woasi abe ame aɖee le wo nyam kple yi ene. Woadze anyi le esime ame aɖeke mele wo nyam o. Ɛ̃, togbɔ be ame aɖeke mele wo nyam o hã la, woasi, anɔ wo nɔewo dzi dzem abe ame siwo le sisim le aʋagbedzi, eye womate ŋu anɔ te ɖe futɔwo nu o ene. Miatsrɔ̃ le dukɔwo dome, eye miaƒe futɔwo awu mi. Ame siwo atsi agbe la atsi asi le futɔwo ƒe anyigba dzi le woƒe nu vɔ̃wo kple nu vɔ̃ siwo wo fofowo wɔ la ta. Wowɔ nubabla yeye “Ke ne woaʋu woawo ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo kple wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo me, woƒe tsitretsitsi ɖe ŋunye kple woƒe fulélem si na meɖo wo ɖe woƒe futɔwo ƒe anyigba dzi me la, ekema ne woƒe dzi kuatriwo bɔbɔ wo ɖokui, eye woxe fe ɖe woƒe nu vɔ̃ ta la, magaɖo ŋku ŋugbe siwo medo na Abraham, Isak kple Yakob la dzi. Maɖo ŋku anyigba la kple ale si amewo gblẽe ɖi la dzi, elabena ele be anyigba la nagbɔ ɖe eme le esime amewo dzo le edzi. Ekema, mlɔeba la, woaxɔ woƒe tohehe le nye seawo dzi mawɔmawɔ kple woƒe vlododo nye dziɖuɖu ta. Ke togbɔ be wowɔ nu siawo katã hã la, nyematsrɔ̃ wo kple nubabla si mewɔ kpli wo la ɖikaa o, elabena nyee nye Yehowa, woƒe Mawu. Le woawo ta la, maɖo ŋku nye ŋugbedodowo na wo tɔgbuiwo dzi be manye woƒe Mawu, elabena nyee kplɔ wo tɔgbuiwo tso Egipte le esime dukɔwo katã ƒe nu ku esi wonɔ nu siwo nɔ dzɔdzɔm la kpɔm. Nyee nye Yehowa!” Esiawoe nye se kple ɖoɖo siwo Yehowa na Israelviwo to Mose dzi le Sinai to la dzi. Ale si woagbugbɔ nu si wotsɔ na Aƒetɔ la axɔ Yehowa gblɔ na Mose be, “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne ame aɖe ɖe adzɔgbe tɔxɛ aɖe be yeatsɔ ame aɖewo ana Yehowa to ga home si dze be woaxe ɖe wo ta me la, ekema ɖe ŋutsu si xɔ tso ƒe blaeve yi blaade nu la ana klosalo kpekpeme kilogram afã ɖe Kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu. Nenye be nyɔnue la, ana klosalo kpekpeme kilogram ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka. Ɖe ŋutsuvi si xɔ tso ƒe atɔ̃ va se ɖe blaeve nu la, ana klosalo kilogram ƒe mama atɔ̃ ƒe ɖeka, eye ɖe nyɔnuvi si xɔ tso ƒe atɔ̃ va se ɖe blaeve nu la, ana klosalo gram alafa ɖeka kple ewo. Woaxe gram blaatɔ̃ vɔ atɔ̃ ɖe ŋutsuvi si xɔ tso ɣleti ɖeka va se ɖe ƒe atɔ̃ la nu, eye woaxe klosalo gram blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ ɖe nyɔnuvi si xɔ tso ɣleti ɖeka va se ɖe ƒe atɔ̃ la nu. Ŋutsu si xɔ wu ƒe blaade la axe klosalo gram blaatɔ̃ vɔ atɔ̃, eye nyɔnu si xɔ wu ƒe blaade la axe klosalo gram blaetɔ̃ vɔ atɔ̃. Ke ne ame si le adzɔgbe la ɖem da ahe ale gbegbe be mate ŋu axe fe si wòle be wòaxe o la, woakplɔe va nunɔla la gbɔ, eya kple nunɔla la naɖo aɖaŋu, eye wòaxe nu si nunɔla la aɖo nɛ la. “ ‘Ke ne nu si amea tsɔ ɖe adzɔgbee la nye lã si dzi woda asi ɖo be woatsɔ asa vɔe na Yehowa la, ne wotsɔ lã sia ɖe adzɔgbee la, ele kɔkɔe na Yehowa. Mele be adzɔgbeɖela la natrɔ eƒe ta me o; matrɔ ta me le etsɔtsɔ na Yehowa ŋu loo alo atsɔ nu nyui aɖo gbegblẽa teƒe alo atsɔ gbegblẽa aɖo nyuia teƒe o. Ne etrɔ ta me la, ekema lã si wòɖɔli kple esi wòtsɔ ɖɔlii siaa le kɔkɔe. Ke ne lã si wòɖe adzɔgbe be yeatsɔ asa vɔe nye lã makɔmakɔ, lã si womaxɔ abe vɔsa na Yehowa ene o la, ele be wòatsɔ lã la ayi na nunɔla, ame si akpɔe ne lã la nyo alo menyo o. Ga home si ƒe asi nunɔla la ado ɖe lã la ŋu la, nenema ko wòanɔ. Ne lã la nye lã si woate ŋu atsɔ asa vɔe, gake amea di be yeaxe fe ɖe eteƒe la, ekema axe ga home si nunɔla la agblɔ nɛ kple ga home la ƒe mama atɔ̃lia ƒe ɖeka akpe ɖe eŋu. “ ‘Ne ame aɖe tsɔ eƒe aƒe abe nu si ŋuti kɔ ene na Yehowa la, nunɔla la akpɔ aƒea ƒe nyonyo alo manyomanyo dzi ɖa. Ga home si ƒe asi nunɔla la ado ɖe aƒea ŋu la, nenema ko wòanɔ. Ne ame si tsɔ eƒe aƒe na agaxɔe la, ele nɛ be wòatsɔ ga home la ƒe atɔ̃lia ƒe ɖeka akpe ɖe ga home la ŋu, eye aƒea agazu etɔ. “ ‘Ne ame aɖe tsɔ eƒe anyigba ƒe akpa aɖe na Yehowa la, do asi ɖe eŋu ɖe eƒe lolome kple nuku agbɔsɔsɔ si woate ŋu aƒã ɖe edzi la nu. Anyigba si dzi woate ŋu aƒã lu kilogram blaeve ɖo la naxɔ klosaloga ewo. Ne ame aɖe tsɔ eƒe anyigba na Yehowa le Aseyetsoƒe la me la, ekema nutɔ la naxe ga home la katã. Ke ne etsɔe na le Aseyetsoƒe la megbe la, ekema ga home si wòaxe la aku ɖe ƒe siwo susɔ hafi Aseyetsoƒe bubu nagaɖo la ŋu. Ne amea di be yeagaxɔ anyigba la la, ekema ele nɛ be wòaxe ga home si nunɔla la ɖo nɛ kple ga home la ƒe mama atɔ̃lia ƒe ɖeka. Ekema anyigba la agazu etɔ. “ ‘Ke ne eɖo be yemagbugbɔ anyigba la axɔ o, alo wòdzrae na ame bubu aɖe, eye wòna anyigba la zu Yehowa tɔ le Aseyetsoƒe la me la, ekema magate ŋu axɔe o. Ne woɖe asi le anyigba la ŋu le Aseyetsoƒe la me la, ekema anyigba la azu Yehowa tɔ abe anyigba si wotsɔ nɛ ene. Woatsɔe na nunɔla la. “ ‘Ne ame aɖe tsɔ anyigba si eya ŋutɔ ƒle, eye menye eƒe ƒome ƒe anyigba ƒe akpa aɖeke o na Yehowa la, ekema nunɔla la agblɔ ga home si anyigba la axɔ va se ɖe Aseyetsoƒe si gbɔna la nɛ. Amea axe ga home ma enumake na Yehowa. Ekema le Aseyetsoƒe la me la, anyigba la agazu nutɔ gbãtɔ si si wòƒlee le la tɔ. Ga homeawo katã nanɔ Kɔkɔeƒe la ƒe ga me: ga siwo katã woaxe la nanye esi dzi nunɔlawo ɖo kpee da ɖi. “ ‘Ame aɖeke matsɔ nyitsu alo agbo si ʋu dɔnu na dadaa la ana Yehowa o, elabena Yehowa tɔe wònye xoxo. Ke ne enye ŋgɔgbevi na lã si ŋu se meɖe mɔ le be woatsɔ asa vɔe na Yehowa o la, ekema amea axe ga home si nunɔla ayɔ nɛ la kple ga home la ƒe mama atɔ̃lia ƒe ɖeka. Ke ne amea medi be yeagbugbɔe axɔ o la, nunɔla la nadzrae na ame bubu ɖe sia ɖe. Ke nu sia nu si woatsɔ ana Yehowa, eɖanye amegbetɔ o, lã o alo anyigba si ƒe dome ame aɖe menyi o la, womadzra wo o, eye womagbugbɔ wo axɔ hã o, elabena nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔewo wonye na Yehowa. “ ‘Ne wodo busu ame aɖe la, womaxɔe kple ga o, ke boŋ woawui. “ ‘Nu siwo katã anyigba wɔ, agblemenukuwo loo alo kutsetsewo ƒe mama ewolia ƒe ɖeka nye Yehowa tɔ, eye wonye nu kɔkɔe. Ne ame aɖe di be yeaxɔ yeƒe kutsetse la alo agblemenuku la aƒle la, ele be wòaxe ga home la kple eƒe mama atɔ̃lia ƒe ɖeka. Ne lãkplɔla aɖe le eƒe lãwo xlẽm ɖekeɖekae la, lã ewolia ɖe sia ɖe nye Yehowa tɔ, eɖanye nyi, alẽ alo aƒemelã bubu ɖe sia ɖe o. Womatia lã ewolia si woatsɔ ana Yehowa la ɖe eƒe nyonyo alo manyomanyo ta o. Womatsɔ ɖeke aɖɔli bubu hã o. Ne woaɖɔli lã aɖe kokoko la, ekema esi woaɖɔli kple esi woatsɔ aɖɔlii la siaa nye Yehowa tɔ, eye womaxe fe ɖe wo ta o!’ ” Esiawoe nye se siwo Yehowa de na Mose le Sinai to la dzi na Israelviwo.