- Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020 Konyifahawo Yeremia ƒe Konyifahawo Konyifahawo Kon Yeremia ƒe Konyifahawo Du si ɖi gbɔlo “Aleke du si yɔ fũu kple amewo tsã la ɖi gbɔlo ale! Du si nye du gã le duwo dome la le azɔ abe ahosi ene! Duwo ƒe Fianyɔnu zu kluvi egbe. “Ele avi fam hehehe le zã me eye aɖatsi tsi alɔgo dzi nɛ. Eƒe ahiãvi gbogboawo dometɔ aɖeke meli afa akɔ nɛ o. Xɔlɔ̃ lɔlɔ̃wo katã trɔ le eyome hezu eƒe futɔwo. “Le teteɖeanyi kple dzizizidɔ sesẽwo megbe la, Yuda yi ɖe aboyo me. Ele dukɔwo dome gake mekpɔ gbɔɖemeƒe o. Ame siwo katã le eyome tim la ke ɖe eŋu le xaxa me. “Zion mɔwo le konyi fam elabena ame aɖeke megazɔa wo dzi yina ɖe eƒe azãwo ɖuƒe o. Eƒe agbowo gbã, eye eƒe nunɔlawo le hũu ɖem. Eƒe ɖetugbiwo le konyi fam eye eya ŋutɔ le veve helĩhelĩ me. “Eƒe futɔwo zu edziɖulawo eye eƒe ketɔwo ɖe dzi ɖi. Yehowa do hiã nɛ le eƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta. Viawo yi ɖe aboyo me, eye wozu aʋaléleawo le futɔwo ŋgɔ. “Zion vinyɔnu ƒe atsyɔ̃wo katã dzo le eŋu. Eƒe dumegãwo le abe zi siwo mekpɔ gbeɖuƒe aɖeke o, eye le gbɔdzɔgbɔdzɔ me wosi le wo yometilawo ŋgɔ ene. “Yerusalem ɖo ŋku eƒe kesinɔnu siwo nɔ esi le blemaŋkekewo me la dzi, le eƒe xaxa kple tsaglalãtsatsa ƒe ŋkekewo me. Esi eƒe amewo dze futɔwo ƒe asi me la, ame aɖeke meli akpe ɖe eŋu o. Eƒe futɔwo nye kɔ kpɔe eye wokoe le eƒe aƒedozuzu ta. “Yerusalem ƒe nu vɔ̃wo lolo eya ta wòzu ame makɔmakɔ. Ame siwo dea bubu eŋu tsã la le vlo domi, elabena wokpɔ eƒe amame, eya ŋutɔ ɖe hũu hetrɔ dzo. “Eƒe ɖiƒoƒo lé ɖe eƒe avɔto, elabena mebu etsɔ me kpɔ o. Eƒe anyidzedze wɔ nuku eye ame aɖeke meli si afa akɔ nɛ o. “O, Yehowa, nye kɔ, kpɔ nye vevesese ɖa elabena ketɔ la ɖu dzi.” Futɔ la do asi ɖe eƒe kesinɔnuwo katã gbɔ; ekpɔ trɔ̃subɔdukɔwo, ame siwo mèɖe mɔ be woage ɖe wò asaɖa me o la ge ɖe wò kɔkɔeƒe la. Eƒe amewo katã le tsatsam le abolo dim kple ŋeŋe, wotsɔa woƒe kesinɔnu veviwo ɖɔa li nuɖuɖu be woanɔ agbe. “O, Yehowa, kpɔ ale si wodo vlom la ɖa.” “Mi ame siwo katã to afi ma yi, ɖe mewɔ naneke na mi oa? Mitsa ŋku miakpɔe ɖa! Ɖe fukpekpe aɖe le abe esi wohe va dzinye, esi Yehowa he va dzinye le eƒe dziku helĩhelĩ ƒe ŋkekewo me la enea? “Eɖo dzo ɖa tso dziƒo, ena wòɖiɖi ɖe nye ƒuwo me. Eɖo ɖɔ na nye afɔwo eye wògbugbɔm ɖe megbe. Ewɔm mezu gbegbe heku ƒenyi ŋkeke blibo la katã. “Ebla nye nu vɔ̃wo abe kɔkuti ene, etsɔ eƒe asiwo lɔ̃e wode nu wo nɔewo me. Woɖiɖi ɖe nye kɔʋume eye Aƒetɔ la ɖe nye ŋusẽ ɖa. Etsɔm de asi na ame siwo nu nyemate ŋu anɔ te ɖo o. “Aƒetɔ la gbe nu le kalẽtɔ siwo katã le donyeme la gbɔ, eɖo aʋakɔ ɖa be woato nye ɖekakpuiwo nyanyanya. Le eƒe wainfiaƒe, Aƒetɔ la fanya Yuda Vinyɔnuwo. “Esia ta mefa avi eye nye ŋkuwo fa aɖatsi blobloblo. Ame aɖeke metsɔ ɖe gbɔnye afa akɔ nam o eye ame aɖeke meli si agbɔ agbe nye luʋɔ o. Vinyewo zu hiãtɔwo elabena futɔ ƒe alɔ yi dzi.” Zion ke eƒe abɔwo me gake ame aɖeke meli si afa akɔ nɛ o. Yehowa gblɔ nya ɖi ɖe Yakob ŋu be eƒe aƒelikawo nanye eƒe futɔwo eye Yerusalem va zu ŋunyɔnu le wo dome. “Yehowa le dzɔdzɔe, gake metsi tsitre ɖe eƒe se la ŋu. Miɖo to, mi amewo katã, mikpɔ nye fukpekpewo ɖa. Nye ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo katã yi aboyo me. “Meyɔ xɔ̃nyewo gake woflum. Nye nunɔlawo kple dumegãwo siaa tsrɔ̃ le dua me esime wonɔ tsatsam le nuɖuɖu dim be woaɖu atsi agbe. “O Yehowa, kpɔ ale si metsi dzodzodzoe ɖa! Nye ameti blibo la metɔtɔ eye nye dzi hã le fu ɖem nam elabena medze aglã vevie. Yi le nu gblẽm le gota; eye le eme la, ku koe li. “Amewo se nye ŋeŋe gake ame aɖeke meli afa akɔ nam o. Nye futɔwo katã se nye dzɔgbevɔ̃eŋkɔ eye wodzɔ dzi le nu si nèwɔ ta. Na be ŋkeke si ƒe gbeƒã nèɖe la nava be woawo hã nanɔ abe nye ene. “Na be woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo katã nava ŋkuwò me; wɔ na wo abe ale si nèwɔm le nye nu vɔ̃wo katã ta la ene. Nye hũuɖeɖe sɔ gbɔ eye nu te nye dzi ŋuti.” Mawu ƒe nyagblɔɖiwo va eme Aleke Aƒetɔ la tsɔ eƒe dzikulilikpo tsyɔ Zion vinyɔnu dzi nye esi! Etsɔ Israel ƒe atsyɔ̃ tso dziƒo xlã ɖe anyigba dzi eye meɖo ŋku eƒe afɔɖodzinu dzi le eƒe dzikudogbe o. Aƒetɔ la gblẽ Yakob ƒe nɔƒewo katã nublanuimakpɔmakpɔtɔe. Eye le eƒe dziku me wògbã Yuda vinyɔnu ƒe mɔ sesẽwo ƒu anyi. Egbã eƒe fiaɖuƒe kple eƒe dumegãwo ƒu anyi le vlododo me. Etsɔ dziku helĩhelĩ helã Israel ƒe dzo ɖe sia ɖe ɖa. Esi futɔwo gbɔna mía gbɔ la, eɖe eƒe nuɖusibɔ ɖa. Ebi le Yakob me abe dzo bibi si fia nu sia nu si ƒo xlãe la ene. Ehe eƒe da me abe futɔ ene eye eƒe nuɖusibɔ le klalo. Ewu ame siwo katã nyo na eƒe ŋku abe ale si futɔ wɔnɛ ene. Etrɔ eƒe dziku kɔ ɖe Zion vinyɔnu ƒe agbadɔ dzi abe dzo ene. Aƒetɔ la zu futɔ eye wòtsrɔ̃ Israel. Etsrɔ̃ eƒe fiasãwo katã eye wògbã eƒe mɔ sesẽwo ƒu anyi. Edzi Yuda vinyɔnu ƒe nuxaxa kple konyifafa ɖe edzi. Ekaka eƒe nɔƒe abe ale si wokakaa kpɔ le abɔ ŋu ene hegblẽ eƒe takpeƒe. Yehowa na Zion ŋlɔ eƒe ŋkekenyuiwo kple Dzudzɔgbewo be eye le eƒe dziku helĩhelĩ me wòdo vlo fia la kple nunɔla siaa. Aƒetɔ la gbe nu le eƒe vɔsamlekpui kple eƒe kɔkɔeƒe la gbɔ. Etsɔ eƒe fiasãwo ƒe gliwo de asi na eƒe futɔwo eye wodo ɣli sesĩe le Yehowa ƒe gbedoxɔ me abe le ŋkekenyuiɖugbe ene. Yehowa ɖoe kplikpaa be yeagbã gli le Zion vinyɔnu ŋu. Etsɔ nudzidzeka ɖo eŋu eye mehe eƒe asi ɖe megbe o, ke boŋ egbãe gudugudu. Ena be kpoƒuƒuwo kple gliwo siaa xa nu eye wo kple eve la siaa mu dze anyi. Eƒe agbowo ɖo do ɖe anyigba eye wòŋe eƒe gametiwo kple gakpo siwo ŋu wobla wo ɖo. Woɖe aboyo eƒe fia kple dumegãwo ɖo ɖe dukɔwo dome, se la megali o eye eƒe Nyagblɔɖilawo hã megaxɔa ɖeɖefia tso Yehowa gbɔ o. Zion vinyɔnu ƒe dumegãwo nɔ anyi ɖe anyigba le ɖoɖoezizi gã me. Wolɔ dzofi kɔ ɖe tame eye wota akpanya. Ke Yerusalem ɖetugbiwo ya de mo to. Avifafa na nu te nye ŋkuwo ŋu, nye lãme katã ʋu dzo ɖe menye, nye dzi lolõ hekɔ ɖe anyigba, elabena wotsrɔ̃ nye amewo, eye nu ti kɔ na ɖeviwo kple vidzĩwo siaa le dua ƒe kpɔdomewo. Wobia wo dadawo be, “Afi ka abolo kple wain le?” Elabena nu te wo ŋu le dua ƒe kpɔdomewo abe ame siwo ŋu wode abi ene eye woƒe agbe nu tso le wo dadawo ƒe akɔnu. Nya ka magblɔ na wò? O Yerusalem vinyɔnu, nu ka matsɔ asɔ kpli wò? Nu ka magblɔ be ele abe wò ene, ne mafa akɔ na wò, O Zion vinyɔnu si menya ŋutsu o? Wò abiwo goglo abe atsiaƒu ene, ame ka ate ŋu ayɔ dɔ wò? Wò nyagblɔɖilawo ƒe ɖeɖefiawo nye alakpa kple yakanyawo, womeɖe wò nu vɔ̃wo fia wò, be womagaɖo wò ɖe aboyo me o. Ke gbedeasi si wona mi la nye aʋatso eye wòkplɔ mi trae. Ame siwo katã va toa wò mɔ dzi yina la si akpe ɖe ŋuwò, woɖua fewu heʋuʋua ta ɖe wò Yerusalem vinyɔnu ŋu be, “Du siae woyɔna be tugbefia kple anyigba blibo la ƒe dzidzɔa?” Wò futɔwo katã ke woƒe nuwo baa ɖe ŋuwò, woɖua fewu eye woɖua aɖukli ɖe ŋuwò be, “Míemi eya amea agbagbe. Esiae nye ŋkeke si míele mɔ kpɔm na, enyo be míele agbe kpɔ eteƒe.” Yehowa wɔ nu si wòɖo, ena eƒe nya si wògblɔ ɖi gbe aɖe gbe ʋĩi la va eme. Etsɔ mi ƒu gbe nublanuimakpɔmakpɔtɔe, ena futɔwo kpɔ dzidzɔ le miaƒe anyidzedze ta eye wòkɔ míaƒe futɔwo ƒe dzo ɖe dzi bobobo. Ameawo ƒe dzi le ɣli dom na Aƒetɔ la. O Zion vinyɔnu ƒe gli, na be wò aɖatsiwo nasi abe tɔsisi ene zã kple keli, mègana gbɔdzɔe ɖokuiwò alo ana dzudzɔ wò ŋkuwo o. Fɔ, fa avi le zã me, dze egɔme ne zãdzɔɣi ƒe ga ƒo, trɔ wò dzi kɔ ɖe Aƒetɔ la ƒe ŋkume abe tsi ene. Tsɔ wò abɔwo do ɖe dzi nɛ le viwòwo ƒe agbe ta, ame siwo dɔwuame na wole kukum le kpɔdomewo. “O Yehowa, ɖo ŋku anyi nàkpɔ nu. Ame ka nèwɔ alea kpɔ? Ɖe nyɔnuwo aɖu woƒe dɔmevi, vi siwo dzi wokpɔa? Ɖe wòle be woawu nunɔla kple Nyagblɔɖila le Aƒetɔ la ƒe kɔkɔeƒea? “Ɖeviwo kple tsitsiawo siaa ɖo baba ɖe anyigba le kpɔdomewo, nye ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo tsi yi nu. Ewu wo le wò dzikudogbe, etsrɔ̃ wo nublanuimakpɔmakpɔtɔe. “Abe ale si nèyɔa amewo hena ŋkekenyuiɖuɖu ene la, nenemae nèyɔ ŋɔdzi be wòaƒo xlãm godoo. Le Yehowa ƒe dzikuŋkekea dzi la, ame aɖeke mesi alo tsi agbe o. Ame siwo mehe eye menyi la nye futɔ tsrɔ̃ wo katã.” Mawu ƒe lɔlɔ̃ si li tegbee Nyee nye ŋutsu si kpe fu le eƒe dziku ƒe ameƒoti te. Enyam ɖe nu eye wòna mezɔ viviti me, menye kekeli me o; Vavã etrɔ eƒe asiwo ɖe ŋutinye atraɖii le ŋkeke blibo la me. Ena be nye ŋutilã kple nye ŋutigbalẽ do xoxo eye wògbã ƒu ɖe lãme nam. Eva dze dzinye eye wòtsɔ veve helĩhelĩ kple fukpekpe tɔ kpɔ ɖe ŋunye. Ena menɔ viviti me abe ame siwo ku gbe aɖe gbe ke ene. Etɔ kpɔ ƒo xlãm ale be nyemate ŋu asi o, eɖom anyi kple gakɔsɔkɔsɔ. Ne meyɔe alo do ɣli be wòaxɔ nam gɔ̃ hã la, edoa ʋɔ ɖe nye gbedodoɖa nu. Etsɔ kpe gãwo xe mɔ me nam eye wòglɔ̃ nye mɔwo. Abe sisiblisi si de xa ɖi kple dzata si le adeklo dzi ene la, ehem ɖa le mɔ me eye wòvuvum, hegblẽm ɖi kpeɖeŋutɔmanɔsitɔe. Evu eƒe da me eye wòdzidze eƒe dati ɖe dzinye. Etsɔ aŋutrɔwo le eƒe daku me tsɔ ŋɔ nye dzi. Mezu nu ɖikokoe le nye amewo katã dome, woɖua fewu le ŋunye to hadzidzi me ŋkeke blibo la katã. Etsɔ ama veve ɖi ƒo nam eye wòkpe veve nam meno. Etsɔ kpe ŋe aɖu nam eye wòfanyam ɖe kewɔ me. Woxɔ ŋutifafa le asinye, meŋlɔ nu si dzɔgbenyui nye la be. Eya ta megblɔ be, “Nye atsyɔ̃nu yi eye nu siwo katã mele mɔ kpɔm na tso Yehowa gbɔ la hã nu va yi.” Meɖo ŋku nye hiã, tsaglalãtsatsa, dzigbagbã kple vevesese dzi. Meɖo ŋku wo katã dzi nyuie eye nye luʋɔ bɔbɔ eɖokui le menye. Ke esia dzi meɖo ŋkue eye mɔkpɔkpɔ ɖo asinye: Le Yehowa ƒe lɔlɔ̃ deto la ta wometsrɔ̃ mí o elabena eƒe nublanuikpɔkpɔ mevɔna o. Wozua yeye ŋdi sia ŋdi, wò nuteƒewɔwɔ lolo ŋutɔ. Megblɔ na ɖokuinye be, “Yehowae nye nye gomekpɔkpɔ, eya ta manɔ esinu kpɔm.” Yehowa ƒe dɔ me nyo na ame siwo tsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe edzi, kple ame siwo dinɛ vevie. Enyo be woalala le ɖoɖoezizi me na Yehowa ƒe ɖeɖe. Enyo na ame be wòatsɔ kɔkuti le ɖekakpuime. Nenɔ anyi le ɖoɖoezizi me elabena Yehowae tsɔ kɔkuti la da ɖe edzi. Netsɔ eƒe mo ƒo ɖe ke me, ɖewohĩ mɔkpɔkpɔ gali. Neɖo to me anyi na ame si le eƒo ge eye ŋukpe neyɔe fũu. Elabena Aƒetɔ la metsɔa ame ƒua gbe ɖikaa o Togbɔ be ehea nuxaxa vɛ hã la, egakpɔa nublanui na ame, eye eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina gbeɖe o la de to ŋutɔ. Elabena mehea fukpekpe kple nuxaxa vaa amegbetɔviwo dzi ɖe dzidzɔ teƒe o. Woafanya anyigbadzigamenɔlawo katã kple afɔ. Ne woagbe nu si nye ame tɔ la tsɔtsɔ nɛ le Dziƒoʋĩtɔ la ŋkume, eye wotrɔ gbo ame dzɔdzɔe ƒe nya; ɖe Aƒetɔ la makpɔ esiawo oa? Ame ka aƒo nu eye wòava eme, ne menye Aƒetɔ lae ɖe gbe o? Ɖe menye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe nu mee dzɔgbevɔ̃enyawo kple dzidzɔnyawo siaa doa go tsona oa? Nu ka ta amegbetɔ ahe nya ne wohe to nɛ ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta? Mina míalé ŋku ɖe míaƒe zɔzɔme ŋu ne míado wo akpɔ eye mina míatrɔ ɖe Yehowa ŋu. Mina míado míaƒe dziwo kple asiwo ɖe Mawu gbɔ le dziƒo ahagblɔ bena: “Míewɔ nu vɔ̃ hedze aglã eye mètsɔe ke mi o. “Ètsɔ dziku tsyɔ ɖokuiwò dzi eye nèti mía yome hewu mí nublanuimakpɔmakpɔtɔe. Ètsɔ lilikpo tsyiɔ ɖokuiwò dzi ale be, gbedodoɖa aɖeke mate ŋu aɖo gbɔwò o. Ètsɔ mí wɔ ŋunyɔnu kple gbeɖuɖɔe le dukɔwo dome. “Míaƒe futɔwo katã ke nu baa ɖe mía ŋuti. Ŋɔdzi lé mí; míedze ʋe me eye tsɔtsrɔ̃ kple gbegblẽ va mía dzi.” Nye ŋkuwo le aɖatsi fam yoyoyo elabena wotsrɔ̃ nye amewo. Nye ŋkuwo le aɖatsi fam ɖaa, enu gbe tsotso, va se ɖe esime Yehowa aɖo ŋku anyi tso dziƒo akpɔe. Nu si mekpɔ la na nye luʋɔ xa nu ɖe nyɔnu siwo katã le nye dua me la ta. Ame siwo nye nye futɔwo madzemadzee la ɖem ɖe nu abe xevi ene. Wodze agbagba be woatso nye agbe nu le vudo me eye wofɔ kpe ƒum. Tsi fie le tanye eye mesusu be evɔ nam. O Yehowa, wò ŋkɔe meyɔ le vudoa ƒe gogloƒe ke. Èse nye kukuɖeɖe be, “Mègado toku nye ɣlidodo eye nàgbe akɔfafa nam o.” Ète va gbɔnye esi meyɔ wò eye nègblɔ be, “Mègavɔ̃ o.” O, Aƒetɔ, èxɔ nye nya ɖe akɔ eye nèɖe nye agbe. Wò ŋutɔ èkpɔ, O Yehowa, vɔ̃ si wowɔ ɖe ŋutinye. Na nye nya nadzɔ! Èkpɔ woƒe hlɔ̃biabia ƒe kpekpeme kple nugbe siwo woɖo ɖe ŋunye. O Yehowa, èse woƒe dzudzuwo kple nu siwo katã woɖo ɖe ŋunye kple nye futɔwo ƒe dalĩdodo kple nuƒoƒo le ŋunye ŋkeke blibo la. Nye kɔ nàkpɔ wo ɖa! Wole anyinɔƒe o, wole tsitrenu o, woɖua fewu le ŋunye le woƒe hadzidziwo me. O Yehowa, xe fe si dze wo la na wo, ɖe nu siwo woƒe asiwo wɔ la ta. Tsɔ nutsyɔnu tsyɔ woƒe dziwo dzi eye nàna be wò fiƒode nanɔ wo dzi! Ti wo yome kple dziku eye nàtsrɔ̃ wo le Yehowa ƒe dziƒo te. Zion ƒe tohehe Aleke sika bu eƒe keklẽ eye sika nyui nyɔ vĩ ale! Wokaka kpe kɔkɔeawo ɖe kpɔdome ƒe dzogoewo katã dzi. Aleke Zion viŋutsu vevi siwo ŋu kpekpeme nɔ tsã abe sika ene la, le azɔ abe anyize si nye zemela ƒe asinudɔwɔwɔ ene! Amegaxiwo kekeake gɔ̃ hã naa no wo viwo wonona gake nye amewo va zu ŋlɔmitɔwo abe tsatsaboli le dzogbe ene. Tsikɔ na be vidzĩwo ƒe aɖe lé ɖe nu me na wo; ɖevi suewo bia abolo kple kukuɖeɖe gake ame aɖeke meli ana wo o. Ame siwo ɖu nu vivi kpeɖiwo tsã la, zu ame ɖigbɔ̃wo le kpɔdomewo. Ame siwo ta ago veviwo tsã la, mlɔ gbeɖuɖɔ me fifia. Nye amewo ƒe tohehe lolo wu Sodom tɔ, du si wogbã ƒu anyi le aɖabaƒoƒo ɖeka me eye asi aɖeke meli akpe ɖe eŋu o. Woƒe dumegãwo da dzo wu sno, wofu wu nyinotsi, woƒe ŋutilã biã wu soe eye woƒe dzedzeme le abe gbloti ene. Ke azɔ la, wonyɔ wu zemabi eye ame aɖeke gɔ̃ hã medzea si wo le kpɔdomewo o. Woƒe ŋutigbalẽ lé ɖe woƒe ƒu ŋuti kpaɖii, eye woƒu abe nake ene. Ame siwo tsi yi nu la tɔ nyo wu ame siwo ku ɖe dɔwuame ta. Elabena dɔwuame na wogbɔdzɔ, heɖiku glãŋui, le agblemenuku ƒe anyimanɔmanɔ ta. Nyɔnu siwo ame ƒe nu wɔa nublanui na la tsɔ woawo ŋutɔ ƒe asiwo lé wo viwo ɖa, eye wozu nuɖuɖu na wo esi wonɔ nye amewo tsrɔ̃m. Yehowa nyɔ eƒe dziku ƒe aɖi katã eye wòtrɔ eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ kɔ ɖi. Edo dzo ɖe Zion eye wòfia eƒe gɔmeɖokpewo. Anyigbadzifiawo mexɔe se kaka, amewo nayi exɔ ge ase be, futɔwo kple ketɔwo ate ŋu age ɖe Yerusalem ƒe agbowo me o. Gake edzɔ, le eƒe Nyagblɔɖilawo ƒe nu vɔ̃ kple eƒe nunɔlawo ƒe nu tovowo ta, ame siwo kɔ ame dzɔdzɔewo ƒe ʋu ɖe dua me. Azɔ wole asi tsam le kpɔdomewo abe ŋkuagbãtɔwo ene. Woƒo ʋu ale gbegbe be, ame aɖeke medo dzi ka asi woƒe awuwo ŋuti o. Amewo doa ɣli ɖe wo ta be, “Midzo le afi sia! Mi ame makɔmakɔwo! Mite yi! Mite yi! Migaka asi mía ŋuti o!” Ke esi wosi dzo le tsaglãla tsam la, amewo le dukɔwo me gblɔna na wo be, “Womate ŋu aganɔ teƒe sia o.” Yehowa ŋutɔe kaka wo, megale wo ta kpɔm o. Womegadea bubu nunɔlawo ŋu alo vea dumegãwo nu o. Gawu la, ɖeɖi te míaƒe ŋkuwo ŋu esi wole mɔ kpɔm na kpekpeɖeŋu si meli o; tso míaƒe gbetakpɔxɔwo me, míekpɔ mɔ na dukɔ si mate ŋu aɖe mí o la be wòava. Amewo le ŋku lém ɖe míaƒe afɔɖeɖe ɖe sia ɖe ŋu ale gbegbe be, míagate ŋu ado go azɔ le míaƒe ablɔwo dzi o. Míaƒe nuwuwu tu aƒe, woxlẽ míaƒe ŋkekewo elabena míaƒe nuwuwu va ɖo. Ame siwo le mía yome tim la ɖia du wu hɔ̃ le yame; woti mía yome le towo dzi eye wode xa ɖi na mí le gbegbe. Yehowa ƒe amesiamina la, si nye míaƒe agbegbɔgbɔ gɔ̃ hã ge ɖe woƒe mɔ me. Míebu xaa be le eƒe vɔvɔli te la, míanɔ dedie le dukɔwo dome. O, Edom vinyɔnu, tso aseye, wò ame si le Uznyigba dzi. Gake wòe woatsɔ kplu la ade asi na, amu wò eye woaɖe ama wò. O, Zion vinyɔnu, wò tohehe awu enu, wò aboyomenɔnɔ magadzi ɖe edzi o. Gake O, Edom vinyɔnu ahe to na wò nu vɔ̃wo eye wòaɖe wò vɔ̃ɖinyenye ɖe go. Kukuɖeɖe na nublanuikpɔkpɔ O, Yehowa, ɖo ŋku nu si dzɔ ɖe mía dzi la dzi, ɖo ŋku anyi eye nàkpɔ míaƒe ŋukpe ɖa. Wotsɔ míaƒe domenyinu, na amedzrowo eye wotsɔ míaƒe aƒewo na du bubu me tɔwo. Míezu tsyɔ̃eviwo kple tɔmanɔsitɔwo eye mía nɔwo zu ahosiwo. Ɖe míedzea tsi hafi nona eye ɖe míeƒlea míawo ŋutɔ ƒe nake. Ame siwo ti mía yome la gogo, ɖeɖi te mía ŋu, ke gbɔɖeme meli o. Míetsɔ mía ɖokui dzra na Egipte kple Asiria be míakpɔ abolo aɖu. Mía fofowo wɔ nu vɔ̃ eye womegale agbe o gake woƒe tohehe va mía dzi. Kluviwo ɖu amegã ɖe mía dzi eye ame aɖeke meli axɔ mí le woƒe asi me o. Míetsɔ míaƒe agbe ɖo anyi hafi kpɔa abolo ɖuna, le yi si le gbegbe la ta. Míaƒe ŋutilã xɔ dzo abe kpodzo ene eye asrã lé mí le dɔwuame ta. Wogblẽ Zion nyɔnuwo kple ɖetugbi manyaŋutsuwo le Yuda duwo me. Wobla dumegãwo tsɔ ku ati eye womede bubu ame tsitsiwo ŋu o. Ɖekakpuiwo le te tum atraɖii, eye ŋutsuviwo le ŋeŋem le nakegba te. Ame tsitsiwo vɔ le agbonu eye ɖekakpuiwo ƒe hadzidzi nu tso. Dzidzɔ vavã dzo le míaƒe dziwo me eye míaƒe ɣeɖuɖu trɔ zu nuxaxa. Fiakuku ge le ta na mí. Baba na mí elabena míewɔ nu vɔ̃! Le esia ta míaƒe dziwo le nu xam, le nu siawo ta míaƒe ŋkuwo dzi tsyɔ, Elabena Zion to tsi ƒuƒlu eye amegaxiwo koe le fefem le afi ma. O, Yehowa, èle fia ɖum tegbee, wò fiazikpui li ke tso dzidzime yi dzidzime. Nu ka ta nèŋlɔa mí be ɣe sia ɣi? Nu ka ta nègblẽ mi ɖi eteƒe didi alea? O Yehowa, trɔ mí ɖe ɖokuiwò ŋu be míate ŋu atrɔ agbɔ, wɔ míaƒe ŋkekewo yeye abe le blema ene. Ne menye ɖe nègbe mí keŋkeŋ, eye nèdo dziku ɖe mía ŋu wu ale si dze hã o.