- Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020 Yona Yona ƒe agbalẽ Yona Yon Yona ƒe agbalẽ Yona si le Yehowa nu Yehowa ƒe nya va na Yona, Amitai ƒe vi la be, “Yi ɖe Ninive, du gã la me, eye nàgblɔ nya ɖi ɖe wo ŋu, elabena woƒe ŋutasẽse va ɖo gbɔnye.” Ke nya sia na Yona si le Yehowa nu heɖo ta Tarsis. Eyi ƒutadu aɖe si woyɔna be Yopa la me, eye esi wòyi ɖe melidzeƒe si le afi ma la, ekpɔ meli aɖe si nɔ mɔ dzem yina ɖe Tarsis. Exe ʋuɖofe enumake, eye wòɖo ʋu la hege ɖe meli la ƒe globoeƒe aɖe be yeasi le Yehowa gbɔ. Esi ʋu la dze mɔ yina sẽe ko la, Yehowa dɔ yaƒoƒo sesẽ aɖe ɖa si na be ahom dziŋɔ aɖe tu. Meli la ʋuʋu heyeheye henɔ didim be yeanyrɔ. Ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ gã aɖe lé ʋukulawo, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe nɔ eƒe mawu yɔm kple ɣli, eye wotsɔ agba si wodo na meli la ƒu gbe ɖe atsiaƒu la me be meli la nazu wodzoe vie. Esi nu siawo katã nɔ edzi yim la, Yona ya nɔ alɔ̃ dɔm dzidzemetɔe le afi si wòbe ɖo. Meli la ƒe amegã yi ɖe afi si wònɔ la, eye wòdo ɣli ɖe eta be, “Nu ka! Alɔ̃ dɔm wò ya nèle le ɣeyiɣi sia mea? Tso kaba nàyɔ wò mawu, ɖewohĩ akpɔ nublanui na mí tso ahom la me!” Azɔ melikulawo gblɔ na wo nɔewo be, “Miva, mina míadzidze nu, akpɔe ɖa be ame kae na dzɔgbevɔ̃e sia va mía dzi mahã.” Ale wodzidze nu, eye wòdze Yona dzi. Ale wo katã wobia gbee zi ɖeka be, “Nu ka nèwɔ, be nèhe ahom sia va mía dzi? Dɔ ka nèwɔna? Dukɔ ka me nètso? Gbe ka gblɔlae nènye?” Yona ɖo eŋu na wo be, “Hebritɔwoe menye, eye mesubɔa Yehowa, Dziƒo Mawu la, ame si wɔ atsiaƒu kple anyigba.” Nya sia sese na wovɔ̃, eye wobiae be, “Nu ka nèwɔ?” Elabena ameawo nya be ɖe wònɔ sisim le Yehowa nu, elabena egblɔe na wo do ŋgɔ. Ƒutsotsoeawo gale agbo dzem ɖe edzi, eya ta wobiae be, “Nu ka míawɔ wò be ƒu la nadze akɔ anyi?” Yona gblɔ na wo be, “Mikɔm ƒu gbe ɖe ƒua me ekema ahom la nu atso. Elabena menya be tanye ahom la le tutum ɖo.” Ʋukulawo dze agbagba be woaku ʋu la ava gota, gake gbeɖe; womete ŋui o, elabena ƒutsotsoeawo gadze agbo ɖe edzi wu tsã. Ale wodo gbe ɖa na Yehowa be, “O Yehowa, mègabia hlɔ̃ mi ɖe ame sia ƒe agbe ta o. Mègabu fɔ mí be míekɔ ʋu maɖifɔ ɖi o, elabena, O Yehowa, wòe wɔ nu si dze ŋuwò.” Ale wolé Yona, kɔe ƒu gbe ɖe atsiaƒu la me, eye ƒu dzeagbo la dze akɔ anyi enumake. Nu si dzɔ la na be ʋua me nɔlawo katã vɔ̃ Yehowa ŋutɔ, eye wosa vɔ na Yehowa heɖe adzɔgbe nɛ. Yona ƒe gbedodoɖa Yehowa dɔ ƒumelã gã aɖe wòmi Yona. Ale Yona nɔ ƒumelã la ƒe dɔ me ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃. Yona do gbe ɖa na Yehowa, eƒe Mawu la le tɔmelã gã la ƒe dɔ me be, “Le nye xaxa gã me, medo ɣli na Yehowa, eye wòɖo tom. Meyɔe le aʋlime ke, eye Yehowa se nye kokoƒoƒo! Ekɔm ƒu gbe ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒe ke; meyi to, ƒu dzeagbo la ŋe tsyɔ dzinye, eye ƒutsotsoe sesẽwo si to dzinye. Ale megblɔ be, ‘O Yehowa, ènyam ɖa le wò ŋkume. Ke hã la, magatrɔ mo ɖe wò gbedoxɔ kɔkɔe la gbɔ.’ Tsi la tsyɔ dzinye, tɔ goglo la ƒo xlãm, eye ƒumegbewo bliba ta nam. Meyi to ɖe to kɔkɔ siwo le ƒua me la ƒe agu nu ke. Wotu agbe ƒe mɔ ɖe nunye eye wode gam ɖe ku ƒe anyigba dzi. Gake wò Yehowa, nye Mawu, èɖem tso ku ƒe asi me! “Esi nye agbe nu le tsotsom la, meda nye susuwo ɖe dziwò, Yehowa, eye nye gbedodoɖa ɖo gbɔwò le wò gbedoxɔ kɔkɔe la me. “Ame siwo subɔa alakpamawuwo la bua Yehowa ƒe amenuveve si anye wo tɔ! Ke nye la, matsɔ akpedaha asa vɔe na wò, eye maxe nye adzɔgbeɖefe na wò, elabena Yehowa gbɔe ɖeɖe tsona.” Ale Yehowa ɖe gbe na ƒumelã la, eye wòyi ɖatu Yona ɖe anyigba ƒuƒui dzi. Yona yi Ninive Yehowa ƒe nya va na Yona zi evelia be, “Yi ɖe Ninive, du gã ma me, eye nàɖe gbeƒã nya siwo megblɔ na wò la na wo.” Ale Yona ɖo to Yehowa ƒe gbe azɔ, eye wòyi Ninive. Ninive nye du gã aɖe si woatsɔ ŋkeke etɔ̃ hafi azɔ ato eme. Yona ge ɖe du la me hezɔ ŋkeke ɖeka nɔ gbeƒã ɖem be, “Esusɔ ŋkeke blaene ne woagbã Ninive du la!” Ame siwo le Ninive dua me la xɔ Mawu dzi se; woɖe gbeƒã nutsitsidɔ, eye ame sia ame, tsitsiawo kple ɖeviwo siaa ta akpanya. Esi Ninive fia se Yona ƒe mawunya la, eɖi le eƒe fiazikpui dzi, ɖe eƒe fiawuwo da ɖi, eye wòta akpanya henɔ anyi ɖe dzofi me. Fia la na woɖe gbeƒã le Ninive dua me be: “Fia kple eƒe dumegãwo de se be: “Amegbetɔ alo lã, nyi alo alẽ aɖeke maɖu nu o. Womana nuɖuɖu alo tsi wo o. Amegbetɔwo kple lãwo siaa ata akpanya, woafa avi vevie na Mawu, woatrɔ le woƒe mɔ vɔ̃wo dzi, eye woaɖe asi le vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ŋuti. Ɖewohĩ, Mawu ate ŋu aɖo be míatsi agbe, eye wòaɖo asi eƒe dziku helĩhelĩ la dzi be wòagatsrɔ̃ mí o.” Ke esi Mawu kpɔ be woɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋuti la, eɖe asi le ɖoɖo si wòwɔ be yeatsrɔ̃ wo la ŋu, eye wòtsɔe ke wo. Yona do dɔmedzoe be Yehowa kpɔ nublanui na Ninive Ke esi Mawu tsɔ Ninivetɔwo ƒe nu vɔ̃wo ke wo la, Yona do dɔmedzoe vevie. Edo gbe ɖa na Yehowa be, “O Yehowa, ɖe menye esiae megblɔ esi mele mía dedu me oa? Esia ta le gɔmedzedzea me la, mesi ɖo ta Tarsis, elabena menya be Mawu, amenuvela kple nublanuikpɔlae nènye. Ègbɔa dzi blewu; lɔlɔ̃ matrɔ bɔ ɖe asiwò, eye nètsɔa nu vɔ̃wo kena. Eya ta Yehowa, meɖe kuku ɖe nye agbe ɖa; enyo nam be maku wu be manɔ agbe.” Yehowa trɔ biae be, “Enyo be nàdo dɔmedzoe ɖe nu sia ta?” Ale Yona yi ɖanɔ anyi ɖe dua ƒe ɣedzeƒe lɔƒo nublanuitɔe, eye wòtsɔ aŋgbawo wɔ agbadɔe henɔ ete nɔ lalam be yeakpɔ nu si le dzɔdzɔ ge ɖe dua dzi la ɖa. Yehowa, Mawu na yevukutsati mie heɖo vɔvɔli ɖe Yona tame be wòatsi ŋudɔɖuame la nu. Yona kpɔ dzidzɔ ŋutɔ le yevukutsati la ŋuti. Ke le fɔŋli la, Mawu na ŋɔ aɖe ɖu yevukutsati la, eye wòyrɔ. Esi ɣe dze la, Mawu na ŋdɔ sesẽ la kplɔ ɣedzeƒeya xɔdzo aɖe va ƒo ɖe Yona dzi va se ɖe esime nu te eŋu vevie, eye wòbia be yeaku, elabena egblɔ be, “Enyo nam be maku wu manɔ agbe.” Mawu gblɔ na Yona be, “Enyo be nàdo dɔmedzoe esi ati la kua?” Yona ɖo eŋu be, “Ɛ̃, tɔnye dzɔ be mado dɔmedzoe va se ɖe esime maku!” Yehowa gblɔ nɛ be, “Esi ati si dzi mèkpɔ wòtsi o, eya ŋutɔe mie le zã ɖeka me, eye wòku le zã ɖeka me la ƒe ku le vewòm ale ɖe, ekema nu ka ta nyemakpɔ nublanui na du gã xɔŋkɔ abe Ninive ene, du si me ame akpe alafa ɖeka kple blaeve siwo menya woƒe ɖusi tso woƒe mia gbɔ o la le kpe ɖe woƒe lã gbogboawo ŋu o ɖo?”