- Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020
Hiob
Hiob ƒe agbalẽ
Hiob
Hio
Hiob
ƒe agbalẽ
Mawu do Hiob kpɔ
Ŋutsu aɖe nɔ Uznyigba dzi si ŋkɔe nye Hiob. Ŋutsu sia nye mokakamanɔŋutɔ kple ame dzɔdzɔe, evɔ̃a Mawu, eye wòtsri nu vɔ̃ɖi. Viŋutsu adre kple vinyɔnu etɔ̃ nɔ esi, kpe ɖe alẽ akpe adre (7,000), kposɔ akpe etɔ̃ (3,000), nyi siwo wode kɔkuti kɔ na woŋlɔa agblee eveve teƒe alafa atɔ̃ (500) kple tedzi alafa atɔ̃ (500) kple subɔla gbogbo aɖewo ŋu. Eyae nye ŋutsu si de ŋgɔ wu ame sia ame le ɣedzeƒetɔwo katã dome.
Via ŋutsuwo ɖoa nuɖukplɔ̃ na wo xɔlɔ̃wo ɖe woƒe aƒewo me ɖe wo nɔewo yome eye wokpea wo nɔvinyɔnu etɔ̃awo be woaɖu nu ano nu kple yewo. Ne kplɔ̃ɖoɖo la dze wo dzi kpe ɖo vɔ la, Hiob dɔa ame ɖa woɖakɔa wo ŋuti. Esaa numevɔ ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe nu, le ŋdi kanya elabena esusuna be, “Ɖewohĩ vinyewo wɔ nu vɔ̃ eye wodo ɖiŋu na Mawu le woƒe dziwo me.” Esiae Hiob wɔna ɖaa.
Hiob ƒe dodokpɔ gbãtɔ
Gbe ɖeka la, dziƒodɔlawo va be woatsɔ wo ɖokui afia Yehowa, eye Satana hã nɔ wo dome. Yehowa bia Satana be, “Afi ka nètso?”
Satana ɖo eŋu na Yehowa be, “Metso tsatsa ge le anyigba dzi, menɔ yiyim nɔ gbɔgbɔm le edzi.”
Tete Yehowa bia Satana be, “Èlé ŋku ɖe nye dɔla Hiob ŋua? Ame aɖeke mele anyigba dzi de enu o; enye mokakamanɔŋutɔ kple ame dzɔdzɔe, ŋutsu si vɔ̃a Mawu eye wòtsri nu vɔ̃ɖi.”
Ke Satana bia Mawu be, “Ɖe Hiob vɔ̃a Mawu dzodzroa? Menye wòe tɔ kpɔ ƒo xlã eya amea, eƒemetɔwo kple nu sia nu si le esi la oa? Èyra eƒe asinudɔwo ale be eƒe alẽhawo kple lãhawo gbagbã ɖe anyigba dzi. Ke do wò asi ɖa, ne nàxlã asi ɖe nu siwo katã le esi, ekema le nyateƒe me aƒo fi ade wò le wò ŋutɔ wò ŋkume.”
Yehowa gblɔ na Satana be, “Enyo ta, nu sia nu si le esi la le asiwò me, ke mègaka asibidɛ eya amea ŋutɔ ŋu o.”
Ale Satana dzo le Yehowa ŋkume.
Gbe ɖeka la, esime Hiob ƒe viŋutsuwo kple via nyɔnuwo nɔ nu ɖum, nɔ wain nom le wo nɔvi tsitsitɔ ƒe aƒe me la, dɔla aɖe va Hiob gbɔ gblɔ nɛ be, “Nyiawo nɔ agble ŋlɔm, tedziawo nɔ gbe ɖum le wo gbɔ lɔƒo, kasia Sebeatɔwo va dze wo dzi kplɔ wo dzoe. Wowu dɔlawo kple yi eye nye ɖeka koe te ŋu si be mava gblɔe na wò!”
Esi wòganɔ nu ƒom ko la, dɔla bubu va eye wògblɔ be, “Mawu ƒe dzo ge tso dziƒo eye wòfia alẽawo kple dɔlawo, nye ɖeka koe si be mava gblɔe na wò!”
Esi mekpɔ ɖe nu le nya la me o la, dɔla bubu va gblɔ be, “Kaldeatɔwo ƒe adzoha etɔ̃ va dze wò kposɔwo dzi eye wolé wo dzoe. Wowu dɔlawo kple yi, nye ɖeka koe te ŋu si be mava gblɔe na wò!”
Esi ame sia hã mekpɔ ɖe nu le nya si gblɔm wònɔ me o la, dɔla bubu ge ɖe eme eye wògblɔ be, “Viwò ŋutsuwo kple nyɔnuwo nɔ nu ɖum, nɔ wain nom le wo nɔvi tsitsitɔ ƒe aƒe me. Kasia ya sesẽ aɖe ƒo tso gbegbe va lɔ xɔ la ƒe dzogoe eneawo ɖe me. Tete xɔ la mu dze wo dzi eye woku; nye ɖeka koe te ŋu si be mava gblɔe na wò!”
Esi Hiob se esia la, etso hedze eƒe awu ʋlaya eye wòlũ eƒe taɖa. Edze klo de ta agu, hedo gbe ɖa be,
“Amamae menɔ hafi do go tso danye ƒe dɔ me,
eye amamae manɔ hafi atrɔ adzo.
Yehowae na eye Yehowae gaxɔe;
woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ!”
Le esiawo katã me la, Hiob mewɔ nu vɔ̃ to fɔbubu Mawu me be ewɔ nu gbegblẽ o.
Hiob ƒe dodokpɔ evelia
Gbe bubu gbe la, dziƒodɔlawo va do ɖe Yehowa ŋkume eye Satana hã va do kpli wo ɖe Mawu ƒe ŋkume. Yehowa bia Satana be, “Afi ka nètso va do?”
Satana ɖo eŋu be, “Metso tsatsa ge le anyigba dzi eye menɔ yiyim, nɔ gbɔgbɔm le edzi.”
Tete Yehowa bia Satana be, “Èlé ŋku ɖe nye dɔla Hiob ŋua? Ame aɖeke mele anyigba dzi de enu o, enye ame maɖifɔ kple ame dzɔdzɔe, ame si vɔ̃a Yehowa eye wòtsri vɔ̃. Togbɔ be ède adã menye ɖe eŋu be magblẽ edome esi mewɔ naneke o hã la, egalé eƒe blibodede la me ɖe asi ko.”
Satana ɖo eŋu na Yehowa be, “Ŋutilã ɖe ŋutilã teƒe, ekema ame atsɔ nu sia nu si le esi la katã ana ɖe eƒe agbe ta. Do wò asi ɖa eye nàtu nu kple eƒe ŋutilã kple eƒe ƒuwo, ekema nàkpɔe ɖa be mado ɖiŋu na wò le wò ŋutɔ wò ŋkume o mahã?”
Yehowa gblɔ na Satana be, “Enyo ŋutɔ. Kpɔ ɖa, ele asiwò me, gake mègaka asi eƒe agbe ya ŋu o.”
Ale Satana dzo le Yehowa ŋkume hekplɔ abi vɔ̃ɖi aɖewo ƒu Hiob, tso eƒe afɔgɔme va se ɖe eƒe dzodome. Tete Hiob tsɔ ze kakɛ nɔ ŋuti kum esi wònɔ anyi ɖe afi me.
Srɔ̃a va egbɔ biae be, “Ɖe nègalé wò blibodede la me ɖe asi koa? Do ɖiŋu na Mawu ne nàku!”
Hiob ɖo eŋu nɛ be, “Èle nu ƒom abe nyɔnu bometsila ene. Ɖe míaxɔ nu nyuiwo ko tso Mawu gbɔ eye menye vɔ̃ hã oa?”
Le nu siawo katã me la, Hiob mewɔ nu vɔ̃ le eƒe nuƒoƒo me o.
Hiob xɔlɔ̃ etɔ̃awo
Esi Hiob xɔlɔ̃ etɔ̃awo, Temanitɔ Elifaz, Suhitɔ, Bildad kple Naamatitɔ, Zofar se dzɔgbevɔ̃e siwo katã dzɔ ɖe Hiob dzi la wodze mɔ tso woƒe aƒewo me le ŋkeke si woɖo ɖi la dzi be woaɖafa nɛ eye woafa akɔ nɛ. Esi wokpɔe le adzɔge la, womete ŋu dze sii o, ale wowo avi gboo kple ɣli, wodze woƒe awu ʋlayawo eye wolɔ ke kɔ ɖe tame. Ale wonɔ anyi ɖe egbɔ le anyigba ŋkeke adre kple zã adre sɔŋ. Ame aɖeke mebia nya aɖekee o elabena wokpɔ ale si wònɔ veve semii.
Hiob ƒo nu
Le esia megbe la, Hiob ke nu eye wòƒo fi de eƒe dzigbe. Egblɔ be,
“Ŋkeke si dzi wodzim la netsrɔ̃,
nenema ke nye zã si me wogblɔ be,
‘Wodzi viŋutsu na mí!’
Ŋkeke ma nezu viviti,
Mawu si le dziƒo la megatsɔ ɖeke le eme nɛ o,
kekeli aɖeke megaklẽ ɖe edzi o.
Viviti kple blukɔ tsiɖitsiɖi negaxɔe,
lilikpo netsyɔ edzi eye blukɔ nedo ɖe eƒe kekeli dzi.
Viviti tsiɖitsiɖi nexɔ zã ma
eye womegaxlẽe ɖe ƒea ƒe ŋkekewo me
alo woadee ɣleti aɖeke ƒe ŋkekewo me o.
Zã ma netsi ko
eye dzidzɔɣli aɖeke megaɖi le eme o.
Ame siwo ƒoa fi dea ŋkekewo la,
neƒo fi de ŋkeke ma,
ame siwo le klalo be
woade adã ta me na ʋɔ driba la.
Eƒe ŋukeɣletiviwo nedo viviti,
kekeli si lalam wòle la megado nɛ o
eye megakpɔ fɔŋli ƒe ɣetotoe gbãtɔwo o,
elabena metu vidzidɔ ƒe ʋɔtruwo ɖe nunye,
be nye ŋkuwo makpɔ dzɔgbevɔ̃e o.
“Nu ka ŋuti nyemeku le nye dzigbe
eye maku hafi ado tso vidzidɔ me o?
Nu ka ta ata aɖewo le klalo be
woakɔm ɖe akɔ eye no aɖewo li be mano?
Anye ne memlɔ anyi le ŋutifafa me,
le alɔ̃ dɔm, le ɖiɖim ɖe eme.
Anye ne mele fiawo kple aɖaŋuɖola siwo le anyigba dzi la gbɔ,
ame siwo tu xɔ gã siwo zu aƒedo azɔ la na wo ɖokuiwo.
Anye ne mele dziɖula siwo si sika le
eye woƒe aƒewo me yɔ fũu kple klosalo la gbɔ.
Alo nu ka ta womeɖim ɖe tome abe fu gege ene,
abe vidzĩ si mekpɔ ɣe kpɔ o la ene o?
Afi ma ame vɔ̃ɖiwo dzudzɔa nyanyra le
eye afi ma ame siwo nu ti kɔ na la le gbɔgbɔm ɖe eme le.
Aʋaléleawo hã nɔa ablɔɖe me
eye womegasea dɔdzikpɔlawo ƒe ɣli o.
Ame gblɔewo kple amegãwo siaa le afi ma
eye kluvi kpɔa ablɔɖe tso eƒe aƒetɔ ƒe asi me.
“Nu ka tae kekeli klẽna na ayaɖulawo
eye wònaa agbe luʋɔ si le nu xam?
Nu ka ta wòna agbe ame siwo le ku dim,
evɔ mevana na wo o
kple ame siwo le edim vevie wu kesinɔnu si woɣla
kple ame siwo kpɔa dzidzɔ,
tsoa aseye ne woɖo yɔdo me?
Nu ka ŋutie wòna agbe ame si ƒe mɔwo le ɣaɣla
kple ame si ŋuti Mawu tɔ kpɔ ɖo?
Elabena hũɖeɖe xɔ ɖe nuɖuɖu teƒe
eye nye ŋeŋe ƒona ɖi abe tsi ene.
Nu si mevɔ̃ na la va dzinye
eye nu si dzi ŋɔ nam la dzɔ ɖe dzinye.
Nyemekpɔ ŋutifafa, tomefafa alo gbɔɖeme aɖeke o,
negbe ʋunyaʋunya ko.”
Elifaz ƒo nu
Tete Temanitɔ Elifaz ɖo eŋu na Hiob be,
“Ne ame aɖe te kpɔ be yeaƒo nu kpli wò la,
ɖe nàgbɔ dzi ɖi aseea?
Ke ame kae ate ŋu azi ɖoɖoe le nu sia ŋuti?
Bu ale si nèfia nu ame geɖewo
kple ale si nèdo ŋusẽ asi beliwoe ŋuti.
Wò nyawo lé ame siwo yina anyi dze ge la ɖe te
eye nèdo ŋusẽ klo beliwo.
Ke azɔ la, dzɔgbevɔ̃e va dziwò,
eye dzi ɖe le ƒo wò;
eƒo wò ƒu anyi eye nèse veve.
Ɖe wò Mawuvɔvɔ̃ manye wò dzideƒo
eye wò blibodede nanye wò mɔkpɔkpɔ oa?
“Azɔ bu eŋuti kpɔ.
Ame maɖifɔ ka wohe to na kpɔ?
Afi ka wogblẽ ame dzɔdzɔe dome le kpɔ?
Abe ale si mede dzesii ene la,
ame siwo ŋlɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ƒe agble
eye woƒã dzɔgbevɔ̃e lae ŋenɛ.
Ne Mawu gbɔ ɖe wo dzi la woyrɔna
eye ne eƒe dziku fla la wotsrɔ̃na.
Dzatawo aɖe gbe,
axlɔ̃ sesĩe gake woate ŋu aŋe aɖu na dzataviwo.
Dzata kuna ne mekpɔ nu lé o
eye dzatanɔwo kakana.
“Wotsɔ nya aɖe vɛ nam le adzame,
nye towo see wotsɔe do dalĩ nam.
Le drɔ̃ewo me le zã me,
esi amewo dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi la,
vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya lém
eye wona nye ƒuwo katã dzo kpekpekpe.
Gbɔgbɔ aɖe ɖo asagba va to nye ŋkume yi
eye ɖadoe ɖo to ɖe ŋunye.
Etɔ gake nyemate ŋu agblɔ nu si wònye o.
Nɔnɔme aɖe va tsi tsitre ɖe ŋkunye me
eye mese gbe bɔlɔe aɖe be,
‘Ɖe ame kodzogbea anɔ dzɔdzɔe wu Mawua?
Ɖe amegbetɔ anɔ dzadzɛe wu eƒe Wɔlaa?
Ne Mawu meka ɖe eƒe dɔlawo dzi o
eye wòbua fɔ eƒe dɔlawo be woda vo,
ʋuu keke, ke wòahanye ame siwo le anyixɔwo me,
ame siwo gɔme woɖo anyi ɖe ke me
eye wogbãa wo bɔbɔe abe ŋɔvi ene!
Wogbãa wo gudugudu le fɔŋli kple zã dome,
ame aɖeke menyana gɔ̃ hã o,
ale wotsrɔ̃na gbidii.
Ɖe womehoa woƒe agbadɔkawo, ale be
woaku numanyamanyae oa?’ ”
“Ne àlɔ̃ la, yɔ ame aɖe
gake ame kae atɔ na wò?
Kɔkɔetɔwo dometɔ ka ŋu nàtrɔ ɖo?
Tosesẽ wua bometsila
eye ŋubiã wua numanyala.
Nye ŋutɔ mekpɔ bometsila wònɔ ke tom
gake kasia woƒo fi de eƒe aƒe.
Dedinɔnɔ le adzɔge ke na viawo,
wobua fɔe le ʋɔnu
eye ame aɖeke meli aʋli eta o.
Dɔwuitɔwo ɖua nuku si wòxa,
woɖea esiwo tsi ŋuwo me gɔ̃ hã
eye ame siwo wum tsikɔ le la
ƒe ve me ƒuna ɖe eƒe kesinɔnuwo ŋu.
Elabena fukpekpe medoa go tso ke me
alo dzɔgbevɔ̃e medona tso anyigba tume o.
Gake abe ale si dzoxi dzona yia dzii ene la,
nenemae wodzi ame na hiãtuame.
“Ke nenye nyee wònye la,
anye ne maɖe kuku na Mawu
atsɔ nye nya aɖo eƒe ŋkume.
Ewɔa dzesi siwo gɔme womate ŋu ase o
eye wòwɔa nukunu siwo womate ŋu axlẽ o.
Enana tsi dzana ɖe anyigba dzi,
eye wòɖoa tsi ɖe gbegbe.
Edoa ɖokuibɔbɔlawo ɖe dzi
eye wòkɔa ame siwo le nu xam la
dana ɖe dziɖeɖi me.
Egblẽa ayetɔwo ƒe ɖoɖowo me,
ale be woƒe asiwo mekpɔa dzidzedze o.
Eléa nunyalawo le woƒe ayemenuwɔwɔwo me
eye wòkplɔa ame drãwo ƒe nu drã wɔwɔ dzonae.
Viviti dona ɖe wo le ŋkeke me
eye wotsaa asi blukɔ me abe zã mee ene.
Eɖea hiãtɔwo tso yi si le woƒe nu me la me
eye wòɖea wo le ŋusẽtɔwo ƒe fego me.
Ale mɔkpɔkpɔ ɖoa hiãtɔ si
eye nu madzɔmadzɔ miaa eƒe nu.
“Woayra ŋutsu si Mawu ɖɔna ɖo
eya ta mègado vlo Ŋusẽkatãtɔ la ƒe amehehe o.
Elabena edea abi ame ŋu eye wògablanɛ,
ewɔa nuvevi ame gake eƒe asi yɔa dɔ.
Aɖe wò le dzɔgbevɔ̃e ade me
eye le adrelia me la,
vɔ̃ aɖeke mawɔ wò o.
Aɖe wò le ku ƒe asi me le dɔŋɔli eye le aʋa me la,
aɖe wò le yi ƒe asi me.
Aɖe wò le aɖeɖiƒoame me,
eye màvɔ̃ ne gbegblẽ va o.
Wò la àko nu ne gbegblẽ kple dɔwuame le nu gblẽm
eye màvɔ̃ anyigbadzilã wɔadãwo o.
Elabena wò kple kpe siwo le agble me la miabla nu
eye lã wɔadãwo anɔ anyi kpli wò le ŋutifafa me.
Ànyae be wò agbadɔ le dedie
eye ne èxlẽ wò nunɔamesiwo la,
àkpɔe be ɖeke mebu o.
Ànyae be viwòwo asɔ gbɔ
eye wò dzidzimeviwo asɔ agbɔ abe
gbe mumu le anyigba dzi ene.
Ànɔ agbe wòade edeƒe,
ayi yɔ me kple dzidzɔ abe lu ye
woxa hebla le nuŋeɣi ene.
“Míedo esia kpɔ eye wònye nyateƒe.
Eya ta see ne nànɔ agbe ɖe eŋu.”
Hiob ƒe Ŋuɖoɖo
Tete Hiob ɖo eŋu nɛ be,
“Ne ɖe woada nye vevesese
eye woada nye fukpekpewo ɖe nudanu me ɖe!
Vavã woakpe wu ke si katã le ƒuta,
eya ta mewɔ nuku be nye nyawo mele ame ŋu dzem o.
Ŋusẽkatãtɔ la ƒe aŋutrɔwo le nye lãme,
nye gbɔgbɔ le aɖi si le dodom le wo me la nom.
Woƒo Mawu ƒe ŋɔdzidodowo nu ƒu ɖe ŋunye.
Ɖe gbetedzi xlɔ̃na ne ele gbe mumu gbɔ
alo nyi xlɔ̃na ne wotsɔ gbe ƒuƒu nɛ be wòaɖua?
Ɖe woaɖu nu vɔvɔ dzemademee
alo ɖe koklozi ƒe ɣia vivinaa?
Megbe be nyemaɖui o,
nuɖuɖu mawo tɔgbi ɖe wònana medzea dɔ.
“O, ne ɖe woana nu si mebia lam,
ne Mawu ɖe wòana nu si mele mɔ kpɔm na lam,
ne Mawu ɖe wòalɔ̃ agbãm gudugudu
eye wòaɖe ka eƒe asi ɖe dzinye, ahawum ɖe!
Ekema esia aganye akɔfafa nam ko
kple nye dzidzɔ le vevesese si nu mele tsotsom o la me be,
nyemagbe nu le Kɔkɔetɔ la ƒe nyawo gbɔ o.
“Ŋusẽ kae gale asinye
be maganɔ mɔ kpɔm?
Mɔnukpɔkpɔ kawoe gali ta magbɔ dzi ɖi?
Kpe ƒe ŋusẽe le asinyea?
Akɔblie nye nye ŋutilãa?
Ɖe ŋusẽ aɖe le asinye be makpe ɖe ɖokuinye ŋu,
esi azɔ la wonya dzidzedzekpɔkpɔ ɖa le ŋunyea?
“Ele na xɔlɔ̃wo be woakpe ɖe
ame si ƒo dzi ɖe le la ŋu
togbɔ be egbe nu le Ŋusẽkatãtɔ vɔvɔ̃ gbɔ hã.
Ke womate ŋu aɖo dzi ɖe nɔvinye ŋutsuwo ŋu o
elabena wole abe tɔʋu si miena le kuɖiɣi ene
alo abe tɔʋu si ɖɔna gbagbana,
ne tsikpe si le ete doe ɖe dzi,
ne sno si dza ɖe edzi la lolo
hena wòsɔ gbɔ ɖe edzi
gake eƒe sisi nu tsona ne kuɖiɣi ɖo
eye dzoxɔxɔ nana wòmiena la ene.
Asihawo ɖea asi le woƒe mɔwo ŋu hedzea gbe toa tagba
eye wokuna ɖe mɔ dzi.
Asiha siwo tso Tema la le tsi dim,
asigbedela siwo tso Seba la le mɔ kpɔm.
Ke woƒe dzi tsi dzi elabena kakaɖedzi nɔ wo si hafi
gake esi wova ɖo afi ma la, ŋukpe ko woɖu.
Azɔ miawo hã mieɖee fia be, mienye ŋudɔwɔnu aɖeke o,
miekpɔ nu si ŋu ŋɔdzi le eye mievɔ̃.
Ɖe megblɔ kpɔ be,
‘Mina nane ɖe nunye,
mixe fe ɖe tanye tso miaƒe kesinɔnuwo me,
miɖem le ketɔ la ƒe asi me
alo mixɔm le ŋutasẽla ƒe fegomea?’
“Mifia num eye mazi ɖoɖoe;
mifia afi si meda ƒu le lam.
Aleke nyateƒenyawo mehe venae o!
Ke nu ka miaƒe nyahehewo ɖe fia?
Ɖe miedi be yewoaɖɔ nya si megblɔ la ɖo
eye miawɔ ame si ƒo dzi ɖe le la
ƒe nyawo abe yaƒoƒo enea?
Miadzidze nu gɔ̃ hã ɖe tsyɔ̃eviwo dzi
eye miatsɔ mia xɔlɔ̃wo gɔ̃ hã aɖɔli nue.
“Azɔ la, minyo dɔ me miatrɔ mo ɖe gbɔnye,
ɖe mate ŋu ada alakpa le mia ŋkumea?
Miɖe asi, migawɔ nu madzɔmadzɔ o
migbugbɔ bu eŋuti
elabena nye nuteƒewɔwɔ ɖo xaxa me.
Ɖe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi aɖe le nye nuyiwo dzia?
Ɖe nye nu made dzesi beble oa?”
“Ɖe menye dɔ sesẽ mee amegbetɔ le
le anyigba dzi oa?
Ɖe eƒe ŋkekewo mele
abe agbatetsɔla tɔ ene oa?
Abe ale si kluvi dina be zã nedo kaba
alo agbatetsɔla kpɔa mɔ na eƒe fetu vevie ene la,
nenemae wotsɔ ɣleti siwo me fukpekpe le
kple zã siwo me hiãtuame le la nam.
Ne memlɔ anyi la, nye susu gblɔna be,
‘Ɣe ka ɣi gɔ̃e mele fɔfɔ ge?’
Zã didina eye meƒoa togotogoe
le aba dzi va se ɖe fɔŋli.
Nye ŋutilã dze abi kple nyẽ helé dzɔbu
eye nye ŋutigbalẽ wó gblogblogblo hele tsi ƒaƒã tsyɔm.
“Nye ŋkekewo le du ɖim wu avɔlɔ̃ʋu
eye wowua enu mɔkpɔkpɔmanɔmee.
O Mawu, ɖo ŋku edzi be,
nye agbe la, ƒuƒu ko wònye,
nye ŋkuwo magakpɔ dzidzɔŋkekewo akpɔ o.
Ŋku si le kpɔyem fifia la magakpɔm akpɔ o,
miadim eye nyemanɔ anyi o.
Abe ale si lilikpo buna eye enu va yinae ene la,
nenemae ame si yi tsiẽƒe la megagbɔna o.
Magatrɔ ava eƒe aƒe me akpɔ o,
eye eƒe nɔƒe hã magadze sii o.
“Eya ta nyemazi ɖoɖoe o,
maƒo nu tso nye gbɔgbɔ ƒe vevesese me,
eye mafa konyi le nye luʋɔ ƒe nuxaxa me.
Nyee nye atsiaƒu alo lã dziŋɔ si le atsiaƒu ƒe gogloƒe be,
nèɖe dzɔlawo ɖo ŋunyea?
Ne mebu be nye aba afa akɔ nam
eye suɖi aɖe nye konyifafa dzi akpɔtɔ la,
ekema ètsɔa drɔ̃ewo doa vɔvɔ̃ nam
eye nètsɔa ŋutegawo doa ŋɔdzi nam.
Ale be melɔ̃ kudɔƒoƒo
kple ku wu nye ŋutilã sia.
Menyɔ ŋu nye agbe,
nyemanɔ agbe ɖaa o.
Ɖe asi le ŋunye,
viɖe mele nye ŋkekewo ŋu o.
“Nu kae nye amegbetɔ be nèdo kɔkɔe alea,
be nètsɔ ɖe le eme nɛ nenema gbegbe,
be nèléa ŋku ɖe eŋu ŋdi sia ŋdi
eye nèdonɛ kpɔ aɖabaƒoƒo ɖe sia ɖe?
Ɖe màgaɖe ŋku ɖa le ŋunye
alo ana gbɔdzɔem aɖabaƒoƒo ɖeka hɔ̃ɔ gɔ̃ hã oa?
Ne mewɔ nu vɔ̃ ɖe, O amegbetɔwo ŋu dzɔla,
nu ka mehewɔ ɖe ŋutiwò?
Nu ka ŋuti nède dzesim heɖe ŋku tɔm ale?
Ɖe mezu agba ɖe dziwòa?
Nu ka ta mèɖe ŋku ɖa le nye dzidadawo ŋu
eye mètsɔ nye nu vɔ̃wo kem o?
Elabena esusɔ vie mamlɔ ke me,
àdim gake nyemaganɔ anyii o.”
Bildad ƒo nu
Tete Suhitɔ, Bildad ɖo nya ŋu na Hiob be,
“Va se ɖe ɣe ka ɣie nànɔ nya siawo gblɔm?
Wò nyawo nye yaƒoƒo sesẽ ɖeɖe ko.
Ɖe Mawu atso afia ŋkunɔa?
Ɖe Ŋusẽkatãtɔ la atrɔ nya dzɔdzɔe abua?
Esi viwòwo wɔ nu vɔ̃ ɖe eŋu la,
etsɔ wo de asi na tohehe si woƒe nu vɔ̃ dze na.
Gake ne àkpɔ Mawu dzi ɖa,
aƒo koko na Ŋusẽkatãtɔ la,
ekema ne èle dzadzɛe,
le dzɔdzɔe, fifia gɔ̃ hã la,
atso le tawò eye wòagaɖo wò te,
ada wò ɖe teƒe si wòle be nànɔ.
Wò gɔmedzedze anɔ sue
gake emegbe àdzi asɔ gbɔ ɖe edzi.
“Bia dzidzime siwo do ŋgɔ,
eye nàkpɔe ɖa be nu ka wo fofowo srɔ̃ mahã,
elabena míawo la, etsɔviwo míenye, míenya naneke o
eye míaƒe ŋkekewo le anyigba dzi le abe vɔvɔli ko ene.
Ɖe womafia nu wò, agblɔe na wò oa?
Ɖe womagblɔ nya na wò tso woƒe gɔmesese me oa?
Ɖe keti miena, tsina ƒlaluu ɖe teƒe si sii mele oa?
Ɖe aƒla awɔ nyuie ne mekpɔ tsi oa?
Esi wogale mumu ko eye womeɖo sisi me haɖe o
la, woyrɔna kaba wu gbe si le gbedzi.
Aleae wòvaa emee na ame siwo katã ŋlɔ Mawu be
eye nenemae Mawumavɔ̃lawo ƒe mɔkpɔkpɔ tsrɔ̃nae.
Nu si ŋu wòɖo dzi ɖo la meɖo ŋusẽ o
eye nu si wòde mee la nye yiyiɖɔ.
Ede me eƒe ɖɔ eye wòlã, eku ɖe eŋu,
gake etso ɖe eƒe asi me.
Ɖeko wòle abe ati si wode tsii nyuie le ŋdɔgbe ene
ekekea eƒe alɔwo ɖe abɔa me,
eƒe kewo blana ɖe agakpe geɖewo ŋu
eye wodia teƒe le kpewo dome.
Gake ne wohoe le enɔƒe la,
teƒe la gbea nu le egbɔ eye wògblɔna be,
‘Nyemekpɔ wò kpɔ o.’
Vavã eƒe agbe yrɔna
eye atiku bubuwo miena ɖe eteƒe.
“Enye nyateƒe be Mawu megbea ame si ŋu fɔɖiɖi mele o
alo doa ŋusẽ nu vɔ̃ɖi wɔlawo ƒe asi o.
Ke hã la, agana nukoko nayɔ wò nu me fũu,
eye wòatsɔ dzidzɔɣli ayɔ wò nuyiwo nu.
Ŋukpe alé wò futɔwo eye ame vɔ̃ɖiwo
ƒe agbadɔwo maganɔ anyi o.”
Tete Hiob ƒo nu
Hiob ɖo eŋu nɛ gblɔ be,
“Vavã menya be esia nye nyateƒe,
gake aleke amegbetɔ kodzogbea
anɔ dzɔdzɔe le Mawu ŋkumee?
Togbɔ be anye ame ƒe didi be
yeahe nya kplii hã la,
mate ŋu aɖo nya ɖeka pɛ hã ŋu
nɛ le nya akpe dome o.
Eƒe nunya de to, eƒe ŋusẽ keke ta,
ame kae tso ɖe eŋu kpɔ gbe abixɔxɔ?
Emli towo ɖa gake womenya o
eye wòtrɔ wo bu anyi le eƒe dziku me.
Eʋuʋu anyigba le enɔƒe eye wòna
eƒe sɔtiwo ʋuʋu kpekpekpe.
Eƒoa nu na ɣe eye meklẽna o,
etsɔa nu xea ɣletiviwo ŋkume
ale be womeklẽna o.
Eya ɖekae keke dziƒowo me
eye wòzɔa ƒutsotsoewo dzi.
Eyae wɔ ɣletivi siwo woyɔna be,
Avutɔ, Koklovinɔ kple Atifieŋu
kple dzieheɣletiviwo.
Ewɔ nu dzɔtsu siwo me dzodzro meli o
eye wòwɔ nukunu siwo mele xexlẽme o.
Ne eva to ŋunye yi la, nyemate ŋu akpɔe o,
ne etso eme va yi la, nyemate ŋu adze sii o.
Ne exɔ nu le ame si sesẽtɔe la,
ame kae ate ŋu aɖo asi edzi?
Ame kae ate ŋu agblɔ nɛ be,
‘Nu kae nye ema wɔm nèle?’
Mawu meɖoa asi eƒe dziku dzi o,
Rahab ƒe aʋakɔwo gɔ̃ hã bɔbɔ ɖe eƒe afɔ te.
“Eya ta aleke nye ya mate ŋu aɖe ɖeklemie?
Afi ka makpɔ nyawo le atsɔ ahe nya kplii?
Togbɔ be nyemedze agɔ o hã la,
nyemate ŋu aɖo nya ŋu nɛ o.
Kuku ko mate ŋu aɖe na nye Ʋɔnudrɔ̃la be
wòakpɔ nublanui nam.
Ne meyɔe eye wòtɔ nam gɔ̃ hã la,
nyemebu be aɖo tom o.
Atsɔ ahomya agbãm gudugudu
eye wòadzi nye abiwo ɖe edzi dzodzro.
Maɖe mɔ nam be magakpɔ gbɔdzɔe o,
ke boŋ ana vevesese nakpɔ ŋusẽ ɖe dzinye.
Ne ŋusẽ ƒe nya wònye la, kpɔ ɖa,
ŋusẽtɔe wònye!
Ke ne enye ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe nya la,
ame kae akplɔe ayi ʋɔnui?
Ne nyemeɖi fɔ o gɔ̃ hã la, nye nu abu fɔm,
eye ne nyemedze agɔ o hã la, abu fɔm.
“Togbɔ be nyemeɖi fɔ o hã la,
nyemetsɔ ɖeke le eme na ɖokuinye o
eye medo vlo nye ŋutɔ nye agbe.
Wo katã le ɖeka eya ta megblɔ be,
‘Etsrɔ̃a ame maɖifɔ kple ame vɔ̃ɖi la siaa.’
Ne ameƒoti he ku vɛ kpata la,
eɖea alɔme le ame maɖifɔ ƒe mɔkpɔkpɔ bubu ŋuti.
Ne anyigba aɖe ge ɖe ame vɔ̃ɖi ƒe asi me la,
ekema etsyɔa nu mo na eƒe ʋɔnudrɔ̃lawo.
Ne menye eyae o ɖe, ekema ame kae?
“Nye ŋkekewo le du ɖim wu duƒula,
wodzo dzo kabakaba dzidzɔ aɖeke manɔmee.
Wozɔ mii va yi abe aƒlaʋuwo ene
eye abe hɔ̃woe de agba anyi be
yewoaƒo nu le anyigba ene.
Ne megblɔ be, ‘Maŋlɔ nye konyifafa be
eye madzudzɔ adãɖoɖo, aɖo nukomo la,’
ekema nye fukpekpewo katã doa ŋɔdzi nam
elabena menyae be màbum fɔmaɖilae o.
Esi wobum fɔɖilae xoxo ɖe,
nu ka tae maganɔ ʋiʋlim dzodzro?
Ne mele tsi kple tsiledzalẽ
eye metsɔ nunyadzalẽ klɔ asi gɔ̃ hã la,
aganyrɔm ɖe anyiʋe me,
ale be manyɔ ŋu na nye awuwo gɔ̃ hã.
“Menye amee wònye abe nye ene ne maɖo nya ŋu nɛ,
be makplɔe ayi ʋɔnui ahe nya kplii o.
Ne ame aɖe ɖe wòli aƒo nu le mía dome,
ada asi ɖe mí ame evea dzi
ame si aɖe Mawu ƒe ameƒoti ɖa le ŋutinye,
ale be eƒe ŋɔdzi magado vɔvɔ̃ nam o la, ne anyo.
Ekema maƒo nu na eya amea mavɔmavɔ̃e,
gake abe ale si wòle nam fifia ene la, nyemate ŋui o.”
“Nye agbe le ŋu nyɔm na nye ŋutɔ,
eya ta maɖe asi le nye konyifafa ŋu wòado bababa
eye maƒo nu le nye luʋɔ ƒe vevesese me.
Magblɔ na Mawu be, ‘Mègabu fɔm o
gake gblɔ nu siwo nye nya nètsɔ ɖe ŋutinye la nam.
Ɖe wòle nuwò vivim be yele teyem ɖe to,
be nètsɔ wò asinudɔwɔwɔ ƒu gbe
eye nèle alɔgbɔnu kom na ame vɔ̃ɖiwo ƒe ɖoɖowoa?
Ŋutilãmeŋkue le tawòa?
Ɖe nèkpɔa nu abe ale si amegbetɔ
kodzogbea kpɔa nu enea?
Ɖe wò ŋkekewo le abe kodzogbeawo tɔ ene
alo wò ƒewo le abe amegbetɔ tɔ ene,
be nàtsa adi nye vodadawo,
aku nye nu vɔ̃wo gɔme,
evɔ nènya be nyemedze agɔ o
eye ame aɖeke mate ŋu axɔm le wò asi me oa?
“ ‘Wò asiwoe wɔm eye womem.
Ɖe nàtrɔ azɔ atsrɔ̃ma?
Ɖo ŋku edzi be anyie nètsɔ mem.
Ɖe nàgatrɔm azɔ mazu anyia?
Ɖe mètrɔm kɔ ɖe anyi abe notsi ene
eye nèna mebla abe notsi babla ene oa?
Ɖe mèfa ayi kple lãkusi ɖe ŋunye
eye nètem ƒo ƒu ɖe nye ƒuwo
kple lãmekawo ŋuti oa?
Èna agbem henyo dɔ me nam
eye le wò ametakpɔkpɔ la ta nèdzɔ nye gbɔgbɔ ŋuti.
“ ‘Ke esiae nèɣla ɖe wò dzi me
eye menya be esia le wò susu me be,
Ne mewɔ nu vɔ̃ la,
wò ŋkuwo anɔ ŋutinye
eye màgbe tohehe nam
le nye vodada ta o.
Ne meɖi fɔ la, baba nam!
Ne nyemeɖi fɔ o gɔ̃ hã la,
nyemate ŋu afɔ mo dzi o
elabena ŋukpe yɔ menye fũu
eye menyrɔ ɖe nye vevesese me.
Ne mefɔ mo dzi la,
ekema èɖeam ɖe nu abe dzata ene
eye nèɖea wò ŋusẽ dziŋɔ la
fiana ɖe ŋutinye.
Èɖoa ɖasefo bubuwo ŋunye
eye nèdoa dziku ɖe ŋutinye ɖe edzi,
ale wò aʋakɔwo tsona ɖe ŋunye ɖe
wo nɔewo yome abe ƒutsotsoewo ene.
“ ‘Ke nu ka ŋuti nèna medo tso danye ƒe dɔ me?
Ɖe meku ɖe danye ƒe dɔ me la,
adzɔ dzi nam ŋutɔ,
anye ne ŋku aɖeke mekpɔm o.
Ɖe nyemedzɔ o alo wokɔm tso danye
ƒe dɔ me yi yɔdo mee la, ne enyo ta!
Ɖe nye ŋkeke ʋɛawo mewu nu kloe vɔ oa?
Ɖe mo ɖa le ŋunye ale be nye hã makpɔ dzidzɔ vi aɖe,
hafi ayi demagbɔnugbe,
ne mayi ɖe viviti kple blukɔ ƒe anyigba dzi,
anyigba si dzi zã do blukɔ kpekpekpe le,
teƒe si nye blukɔ tsiɖitsiɖi kple tɔtɔ teƒe,
afi si kekeli le ko abe viviti ene.’ ”
Zofar ƒo nu
Naamatitɔ, Zofar ɖo eŋu na Hiob be,
“Ɖe woagbe nya siawo ŋu ɖoɖo na wòa?
Ɖe woabe nyawɔla sia tɔ dzɔa?
Ɖe wò nya dzodzro siawo ade ga nu na amewoa?
Ɖe ame aɖeke meli aka mo na wò ne èle fewu ɖum oa?
Ègblɔ na Mawu be
‘Kpɔtsɔtsɔ mele nu siwo dzi mexɔ se la ŋu o
eye medza le ŋkuwòme.’
O, aleke medi be Mawu naƒo nu,
ne wòake eƒe nuyiwo ɖe ŋutiwò,
ne wòaɖe nunya ƒe nu ɣaɣlawo afia wò
elabena mo evee li na nunya.
Vavã, nya esia be:
Mawu ŋlɔ wò nu vɔ̃wo dometɔ aɖewo be gɔ̃ hã.
“Àte ŋu ase Mawu ƒe nya goglowo gɔmea?
Àte ŋu adzro Ŋusẽkatãtɔ la ƒe mlɔenuwo ke mea?
Wokɔkɔ wu dziƒowo, nu ka nàte ŋu awɔ?
Wogoglo wu tsiẽƒe ƒe gogloƒewo, nu ka nènya?
Wodidi wu anyigba eye wokeke wu atsiaƒu.
Ke ne eva do, hede wò gaxɔ me eye wòdrɔ̃ ʋɔnu wò la,
ame ka ate ŋu atsi tsitre ɖe eŋu?
Vavã enyaa alakpatɔwo eye ne ekpɔ nu vɔ̃ɖi la,
ɖe medzea sii oa?
Gake abe ale si gbetedzi mate ŋu
adzi vi wòanye amegbetɔ o ene la,
nenema kee womate ŋu
awɔ bometsila hã wòazu nunyala o.
“Ke hã la, ne ètsɔ wò dzi nɛ blibo,
ne èwu wò asiwo dzi do ɖe egbɔ,
ne èɖe nu vɔ̃ siwo le wò asi me la ɖa
eye ne mèɖe mɔ na nu vɔ̃ɖi aɖeke be
wòanɔ wò agbadɔ me o la,
ekema àkɔ wò mo dzi ŋukpemanɔmee,
ànɔ te sesĩe eye mavɔ̃ o.
Le nyateƒe me la, àŋlɔ wò hiãkame be
eye àɖo ŋku edzi ko abe tsi sisi si nu va yi la ene.
Wò agbe me akɔ wu ŋdɔkutsu dzati
eye viviti anɔ na wò abe ŋdikekeli ene.
Ànɔ dedie elabena mɔkpɔkpɔ li,
àtsa ŋku godoo eye àmlɔ anyi bɔkɔɔ le dedinɔnɔ me.
Àmlɔ anyi eye ame aɖeke mava do ŋɔdzi na wò o;
ale ame geɖewo ava bia amenuveve tso gbɔwò.
Ke ɖeɖi ate ame vɔ̃ɖiwo ƒe ŋkuwo ŋu,
bebeƒe abu ɖe wo
eye woƒe mɔkpɔkpɔ azu kudɔƒoƒo.”
Hiob ƒo nu
Tete Hiob ɖo eŋu nɛ be,
“Mewɔ nuku be miawo koe nye amewo
eye ne mieku la nunya aku kpli mi o!
Gake susu le asinye abe miawo ke ene.
Mienyo wum o.
Ame ka menya nu siawo katã o?
“Togbɔ be meyɔ Mawu eye wòtɔ nam hã la,
mezu nu ɖikokoe na xɔ̃nyewo.
Togbɔ be mele dzɔdzɔe eye fɔɖiɖi mele ŋunye o hã la,
mezu alɔmeɖenu na wo!
Ŋutsu siwo li le dziɖeɖi me la do vlo dzɔgbevɔ̃etɔ
eye nenema ke woawɔ na ame siwo ƒe afɔ ɖiɖi.
Adzohawo ƒe agbadɔwo li le ŋutifafa me
eye ame siwo do dziku na Mawu la li le dedinɔnɔ me.
Nenema kee nye ame siwo tsɔa woƒe mawu
ɖe woƒe asi me.
“Ke bia gbemelãwo, ne woafia nu wò alo dziƒoxeviwo,
ne woagblɔe na wò.
Alo ƒo nu na anyigba,
ne wòafia nu wò alo na atsiaƒumelã ne wòaka eta na wò.
Nu siawo katã dometɔ kae menyae be,
Yehowa ƒe asie wɔ esiawo katã o?
Nuwɔwɔ ɖe sia ɖe ƒe agbe le eƒe asi me
eye amegbetɔwo katã ƒe gbɔgbɔ hã le eƒe asi me.
Ɖe to medoa nyawo kpɔ
abe ale si aɖe ɖɔa nuɖuɖu kpɔe ene oa?
Ɖe menye amegãɖeɖiwo gbɔe nunya tso aƒe ɖo oa?
Ɖe agbe didi mehea gɔmesese vɛ oa?
“Mawu tɔe nye nunya kple ŋusẽ;
aɖaŋudede kple gɔmesese hã nye etɔ.
Nu si wògbã kɔ ɖi la,
womagate ŋu agbugbɔ atui o.
Ame si wòde gaxɔ me la,
womate ŋu aɖe asi le eŋu o.
Ne eɖo asi tsidzadza dzi la, ku ɖina,
ne egaɖe asi le eŋu fũu hã la, eɖea anyigba
Etɔe nye ŋusẽ kple dziɖuɖu,
ame si woble kple ameblela katã wonye etɔ.
Ekplɔa dumegãwo dzonae amama
eye wònana Ʋɔnudrɔ̃lawo zua bometsilawo.
Eɖea atsyɔ̃ɖonu siwo fiawo dona la ɖa
eye wòtsɔa avɔ kakɛ sana ɖe ali na wo.
Ekplɔa nunɔlawo dzonae amama
eye ame siwo li ke tso gbe aɖe gbe
ke la emua wo ƒua anyi.
Edea ga nu na aɖaŋuɖola siwo ŋu woɖoa dzi ɖo
eye wòɖea dumegãwo ƒe sidzedze ɖa.
Edoa ŋunyɔ bubumewo
eye wòxɔa lãnu le kalẽtɔwo si.
Eɖea nu goglo siwo le viviti me la ɖe go
eye wòhea blukɔ tsiɖitsiɖi vaa kekeli me.
Eyae naa dukɔwo xɔa ŋkɔ
eye eya kee tsrɔ̃a wo.
Eyae dzia dukɔwo ɖe edzi
eye eya kee kakaa wo.
Exɔa susu le anyigbadzifiawo si
eye wònana wonɔa tsaglalã tsam le gbegbe.
Wotsaa asi blukɔ me afi si akaɖi mele o
eye wònana wonɔa ya mum abe ame siwo mu aha ene.”
“Nye ŋkuwo kpɔ nu siawo katã,
nye towo se wo eye wose wo gɔme.
Nu si nènya la, nye hã menyae,
mède ŋgɔ wum o.
Gake medi vevie be maƒo nu kple Ŋusẽkatãtɔ la
eye mahe nya kple Mawu.
Ke miawo la, miele ŋunye gblẽm kple aʋatsonyawo,
mi katã mienye gbedala siwo ŋu viɖe aɖeke mele o!
Ne mi katã miahaɖo to ɖe!
Le mia gbɔ la, esia anye nunya.
Mise ɖokuinyenuɖeɖe azɔ,
mise nye nuyiwo ƒe kokoƒoƒo.
Ɖe miaƒo nu baɖa ɖe Mawu nua?
Ɖe miaƒo nu bebletɔe ɖe enua?
Ɖe miebe yewoade edzia?
Ɖe miebe yewoaxɔ nya ɖe Mawu nua?
Anyo na mi ne edo mi kpɔa?
Miate ŋu ablee abe ale si miable amewo enea?
Le nyateƒe me, aka mo na mi,
ne miede edzi le adzame.
Ɖe eƒe ŋutikɔkɔe mado ŋɔdzi na mi oa?
Ɖe eƒe ŋɔdzi malé mi oa?
Miaƒe nya tsitsiwo nye lododo gbɔlowo
eye dedinɔnɔ ƒe gli siwo mieɖo la nye anyigliwo ko.
“Mizi ɖoɖoe ne miana mɔm maƒo nu,
ekema nu si be yeadzɔ ɖe dzinye la nedzɔ.
Nu ka ŋuti metsɔ ɖokuinye de xaxa me
eye metsɔ nye agbe ɖo nye asiƒome?
Togbɔ be ele wu ye ge hã la,
matsɔ nye mɔkpɔkpɔ ada ɖe eya amea dzi ko.
Le nyateƒe me maʋu go
nye mɔwo ɖe ŋkume nɛ.
Vavã esia ava zu ɖeɖe nam
elabena mawumavɔ̃la aɖeke mate kpɔ be yeado ɖe eŋkume o!
Miɖo to miase nye nyawo nyuie,
miƒu to anyi miase nu si gblɔ ge mele.
Azɔ meɖo nye nyawo ɖe ɖoɖo nu vɔ,
menya be tɔnye adzɔ godoo.
Ɖe ame aɖe ate ŋu atsɔ nya ɖe ŋunyea?
Ne ame aɖe ate ŋui la, ekema mazi ɖoɖoe aku.
“O Mawu, nu eve siawo ko medi be nàwɔ nam,
eye nyemaɣla ɖokuinye ɖe wò o.
Te wò asi ɖa xaa tso gbɔnye eye nàdzudzɔ vɔvɔ̃dodo nam
kple wò ŋɔdzinuwo.
Ekema yɔm eye matɔ alo maƒo nu
eye nàɖo eŋu.
Nu vɔ̃ kple nu gbegblẽ nenie mewɔ?
Ɖe nye vodada kple nu vɔ̃ fiam.
Nu ka tae nèɣla wò mo
eye nèbum wò futɔe?
Ɖe nàwɔ funyafunya aŋgba si ya lɔ ɖe nua?
Ɖe nàti atsa yomea?
Elabena èŋlɔ nu vɔ̃ɖiwo ɖi ɖe ŋunye
eye nèna nye ɖekakpuimenu vɔ̃wo va dzinye.
Ède gakɔsɔkɔsɔ nye afɔwo,
wò ŋkuwo le nye toƒewo katã ŋu
eye nède dzesi nye afɔƒome.
“Ale mevɔ le eme abe nu si ƒaƒã
alo avɔ si gbagblaʋui ɖu la ene.”
“Amegbetɔ si nyɔnu dzi ƒe agbemeŋkekewo le kpuie
eye woyɔ fũu kple fukpekpe.
Ekena abe seƒoƒo ene eye wòyrɔna,
ele abe vɔvɔli si dzona kaba eye metɔna ɖi o la ene.
Ɖe nàke ŋku ɖe esia tɔgbi ŋua?
Ɖe nàkplɔe va ʋɔnui le ŋkuwòmea?
Ame ka ate ŋu aɖe nu dzadzɛ tso nu si medza o la me?
Ɖeka pɛ teti hã o!
Èɖo ame ƒe ŋkekewo ɖi xoxo;
èɖo eƒe ɣletiwo da ɖi eye nèɖo liƒo
siwo dzi mate ŋu agbɔ o la ɖi nɛ.
Eya ta ɖe ŋku ɖa le eŋu
eye nàɖe asi le eŋu va se ɖe esime
eƒe ɣeyiɣi de abe agbatedɔwɔla ene.
“Mɔkpɔkpɔ li na ati gɔ̃ hã, ne wolãe la,
egadzena yeyee eye eƒe alɔ yeyeawo nu matsi o.
Eƒe kewo anya do xoxo ɖe tome
eye eƒe takpo aku ɖe tome,
ke hã la, ne tsi nya ʋẽ ɖee ko la, egadzena
eye wòtoa alɔwo abe ati si wodo ene.
Gake ne amegbetɔ ya ku la,
wotsɔnɛ mlɔa anyie kpoo nenema;
egbɔa eƒe gbɔgbɔ mamlɛa eye meganɔa agbe o.
Abe ale si atsiaƒu ɖia ke alo tsi miena
le tɔsisi me wòƒuna kplakplakpla ene la,
nenemae amegbetɔ mlɔa anyie eye megafɔna o
va se ɖe esime dziƒo nu ava yi.
Amegbetɔwo magafɔ alo anyɔ tso woƒe alɔ̃dɔdɔ me o.
“O, ne ɖe nàɣlam ɖe yɔdo me,
atsyɔ nu dzinye va se ɖe
esime wò dziku nu va yi ɖe!
Alo nàɖo ɣeyiɣi nam
eye emegbe nàɖo ŋku dzinye ɖe!
Ne ame ku la, ɖe wòaganɔ agbea?
Le nye ɣeyiɣi sesẽwo me hã,
manɔ nye yeyewɔwɔ ƒe ŋkeke la lalam.
Àyɔm eye matɔ, wò dzi alé dzo ɖe nu
si wò asiwo wɔ la ŋu.
Ekema àxlẽ nye afɔɖeɖewo,
ke menye be wò ŋku nanɔ nye nu vɔ̃wo ŋu o.
Woatre nye dzidadawo nu ɖe akplo me
eye àtsyɔ nu nye nu vɔ̃wo dzi.
“Gake abe ale si ke ɖena le to te wòŋena dzea eme
eye agakpe ʋãna le eteƒe ene la,
abe ale si tsi nyia kpewoe
eye tsidzadza kplɔa ke si le anyigba dzonae ene la,
nenemae nègblẽa ame ƒe mɔkpɔkpɔ mee.
Èdzea edzi kple ŋusẽ zi ɖeka
eye ɖe wòvɔnae nye ekema;
ètrɔa eƒe dzedzeme henyanɛ dzonae.
Ne wode bubu via ŋutsuwo ŋu hã la, menyanɛ o,
ne woɖi gbɔ̃ wo hã la, mekpɔnɛ o.
Negbe eya ŋutɔ ƒe veve si sem wòle le ŋutilã me koe
eye eya ŋutɔ fana na eɖokui.”
Elifaz ƒo nu
Temanitɔ, Elifaz ɖo Hiob ƒe nyawo ŋu be,
“Ɖe nunyala aɖo nya ŋu kple susu gbɔlo
alo ana ɣedzeƒeya xɔdzo nayɔ eƒe dɔ mea?
Ɖe wòatsɔ nya manyatalenuwo ahe nya
alo atsɔ nuƒoƒo si nye nya dzodzro ahe nyaea?
Kura gɔ̃ hã la, èɖi gbɔ̃ mawuvɔvɔ̃
eye nèhe mawusubɔsubɔ adodoea ɖe megbe.
Wò nu vɔ̃e ƒoe
ɖe nuwò ale nètia ayetɔwo ƒe aɖe.
Wò ŋutɔ wò nue bu fɔ wò, menye tɔnyee o,
eye wò ŋutɔ wò nuyiwoe ɖu ɖasefo ɖe ŋuwò.
“Wòe nye ame gbãtɔ si wodzi kpɔa?
Ɖe wodzi wò hafi togbɛwo va dzɔa?
Èse Mawu ƒe aɖaŋudede kple toa?
Gbɔwò ko nunya tso aƒe ɖoa?
Nu ka nènya si míawo ya míenya o?
Nu ka gɔmee nèse esi gɔme míawo míese o?
Ta ƒowɔ tɔwo kple amegãɖeɖiwo le mía dzi,
ame siwo tsi wu fofowò gɔ̃ hã.
Ɖe Mawu ƒe akɔfanamenya siwo wògblɔ bɔlɔɔ la,
mesɔ agbɔ na wò oa?
Nu ka ŋuti wò dzi kplɔ wò dzoe,
wò ŋkuwo le dzo dam,
ale be nènyɔ wò dziku ɖe Mawu ŋu
eye nètrɔ nya siawo kɔ ɖi tso wò nu me?
“Nu kae nye amegbetɔ be,
wòadza alo ame si nyɔnu dzi la be wòanɔ dzɔdzɔe?
Ne Mawu meka ɖe eƒe kɔkɔetɔwo dzi o
eye dziƒowo gɔ̃ hã medza le eƒe ŋkume o,
aleke wòahanye amegbetɔ si nye aɖi,
esi dovo eye wòno nu vɔ̃ɖi abe tsi ene!
“Ɖo tom ne maɖe nu me na wò;
na magblɔ nu si teƒe mekpɔ la na wò,
nu si nunyalawo ɖe gbeƒãe
eye womeɣla naneke si woxɔ tso wo fofowo gbɔ o,
ame siwo ko wotsɔ anyigba la na,
esi amedzro aɖeke meto wo dome o.
Ame vɔ̃ɖi kpea fuwo ƒe fu le
eƒe agbemeŋkekewo katã me,
nenema ke ŋutasẽla hã kpea fu le ƒe
siwo katã woɖo ɖi nɛ la me.
Gbeɖiɖi siwo ŋu ŋɔdzi le la yɔ eƒe tome fũu
eye ne wòdze abe nuwo ɖe wole afɔ tsɔm ene la,
adzohawo va dzea edzi.
Dzi ɖe le eƒo be mate ŋu asi le viviti la nu o
elabena wotsɔe de asi na yi.
Ele tsaglalã tsam le nuɖuɖu dim abe akaga ene
elabena enya be vivitidogbe la tu aƒe kpokploe.
Xaxa kple vevesese na ŋɔdzi lé eya amea ŋutɔ
eye wova dze edzi abe fia si le klalo na aʋakpekpe ene.
Elabena eŋlɔ kɔ do ɖe mo na Mawu
eye wòdze aglã ɖe Ŋusẽkatãtɔ la ŋu,
helũ ɖe edzi ɖekematsɔlemetɔe
kple akpoxɔnu titri sesẽ aɖe.
“Togbɔ be eda ami ɖe mo gbɔ
eye wòlolo ɖe ali gbɔ hã la,
anɔ du gbagbãwo kple xɔ siwo me ame aɖeke mele o la me,
xɔ siwo gbã zu glikpo.
Magakpɔ hotsui o eye eƒe kesinɔnuwo maganɔ anyi
alo eƒe nunɔamesiwo nagbagba ɖe anyigba dzi o.
Masi le viviti la nu o, dzo ƒe aɖe ana eƒe alɔwo nayrɔ
eye Mawu ƒe numegbɔgbɔ akplɔe adzoe.
Megable eɖokui, atsɔ eƒe dzi aɖo nu si nye tofloko la ŋu o
elabena ɖeke maɖe vi nɛ o.
Hafi eƒe ɣeyiɣi nade la, woaɖo eteƒe nɛ
abe ale si dze ene eye eƒe alɔdzewo matsi ɖe edzi o.
Anɔ abe wainka si ŋu wogbe waintsetse gbogbowo katã le la ene
alo abe amiti si dudu eƒe seƒoƒowo ene.
Elabena mawumavɔ̃lawo ƒe ha madzi ɖe edzi o
eye dzo afia ame siwo lɔ̃a zãnuxɔxɔ ƒe agbadɔwo.
Wofɔa fukpekpe ƒe fu, hedzia nu vɔ̃ɖi
eye beble ɖoa atsyɔ̃ ɖe woƒe vidzidɔwo me.”
Hiob ƒe nyaŋuɖoɖo
Hiob ɖo eŋu nɛ be,
“Mese nya siawo tɔgbi wòsɔ gbɔ,
akɔfala gbɔlowo ko mi katã mienye!
Miaƒe nuƒo legbe, gɔdɔ̃gɔdɔ̃awo mawu nu akpɔ oa?
Nu kae le mia vem be miegale nyahehe dzi kokoko?
Nenye miawoe le tenyeƒe la,
nye hã maƒo nu abe miawo ke ene,
agblɔ nyatinyatiwo ɖe mia ŋu
eye maʋuʋu ta ɖe mia ŋu.
Maƒo nu ade dzi ƒo na mi
eye akɔfanya siwo ado tso nunye la ana miaƒe dzi adze eme.
“Gake ne meƒo nu la,
nye vevesesewo dzi maka ɖe kpɔtɔ o
eye ne medzudzɔ hã la,
veveseseawo medzona o.
O Mawu, vavãe èna mevɔ le eme keŋkeŋ
eye nètsrɔ̃ nye aƒekɔ la katã.
Èna meɖi ku, vɔ keŋ eye wòzu ɖaseɖiɖi,
nye kuɖiɖi tsi tsitre hezu ɖasefo ɖe ŋunye.
Yehowa ƒom, hevuvum le eƒe dziku me
eye wòɖu aɖukli ɖe ŋunye,
nye ketɔ fɔ ŋku ɖaɖɛwo ɖe dzinye.
Amewo ke woƒe nuwo baa hedo ɣli ɖe tanye.
Woƒo tome nam fewuɖutɔe
eye wowɔ ɖeka ɖe ŋunye.
Mawu dem asi na ame vɔ̃ɖiwo
eye wòkɔm ƒu gbe ɖe ŋutasẽlawo ƒe fego me.
Nuwo nɔ edzi dzem nam nyuie gake ekakam.
Elé kɔʋume nam hegbãm gudugudugudu.
Etsɔm wɔ ade si minyam wòle,
eƒe aŋutrɔdalawo ɖe to ɖem.
Eŋɔ nye ayikuwo nublanuimakpɔmakpɔtɔe
eye wòna nye vevego gbã hekɔ ɖe anyigba.
Eva ƒo ɖe dzinye enuenu
eye wòlũ ɖe dzinye abe kalẽtɔ ene.
“Metɔ akpanya hetsyɔ na nye ŋutilã
eye metsɔ nye mo de ke me.
Avifafa na nye mo biã dzẽe,
vɔvɔli ƒo xlã nye ŋkuwo,
evɔ nye asiwo mewɔ nu tovo aɖeke o
eye nye gbedodoɖa hã dza hafi.
“O, anyigba, mègatsyɔ nye ʋu dzi o
eye ɖoɖoe megazi le nye ɣlidodo nu o!
Azɔ gɔ̃ hã la, nye ɖasefo le dziƒo
eye nye nyaxɔɖeakɔla le afi ma.
Tanyeʋlila nye xɔ̃nye,
esi nye ŋkuwo le aɖatsi ɖuɖum na Mawu.
Eɖea kuku na Mawu ɖe ame ta
abe ale si ame ɖea kuku ɖe xɔlɔ̃a tae ene.
“Ƒe ʋɛ aɖewo koe ava yi
hafi madze mɔ ayi demagbɔnugbe.
Nu te nye gbɔgbɔ ŋu belibelibeli,
nye ŋkekewo hã le kpuie
eye yɔdo le lalayem.
Vavãe, fewuɖulawo ƒo xlãm,
ele be nye ŋkuwo nanɔ woƒe amenuɖiaɖia ŋu.
“O Mawu, tsɔ ŋugbedodo si dim nèle la nam.
Ame kae gali si ade megbe nam?
Ètu woƒe susu ɖe gɔmesese ŋu
eya ta màna woƒe alɔ nade dzi o.
Ne ame aɖe gbe exɔlɔ̃wo ɖe nu si woanae ta la,
viawo ƒe ŋkuwo atsi.
“Mawu tsɔm wɔ lodonue na ame sia ame,
ame si ƒe ŋkume amewo ɖea ta ɖo gɔ̃ hã.
Nuxaxa na be nye ŋkuwo dzi tsyɔ
eye nye ameti blibo la mele abe vɔvɔli ene.
Ame dzɔdzɔewo ƒe mo wɔ yaa le esia ta;
dɔ me ve ame maɖifɔwo ɖe mawumavɔ̃lawo ŋuti.
Ke hã la, ame dzɔdzɔewo alé woƒe mɔwo me ɖe asi
eye asi dzadzɛtɔwo akpɔ ŋusẽ ɖe edzi.
“Mi katã mitrɔ va ko, migadze agbagba kpɔ!
Gake nyemakpɔ nunyala aɖeke le mia dome o.
Nye ŋkekewo va yi, nye ɖoɖowo me gblẽ
eye nenema kee nye nye dzi ƒe didiwo hã.
Ame siawo trɔ zã wòzu ŋkeke,
ke esi viviti do ɖe wo la, wogblɔ be,
‘Kekeli tsɔ ɖe mía gbɔ’
Ne aƒe si ko mele mɔ kpɔm na la nye yɔdo,
ne meɖo aba ɖe viviti me,
ne megblɔ na zãnuxɔxɔ be, ‘Wòe nye fofonye,’
eye megblɔ na ŋɔvi be, ‘Wòe nye danye’
alo ‘Wòe nye nɔvinye nyɔnu’ la,
ekema afi ka nye mɔkpɔkpɔ la le?
Ɖe wòayi ɖe ku ƒe agbowo mea?
Ɖe nye kplii míayi tome ɖekaea?”
Bildad ƒe nuƒo
Tete Suhitɔ, Bildad ɖo eŋu na Hiob be,
Ɣe ka ɣi miadzudzɔ nya siawo gbɔgblɔ?
Midze nunya ekema míate ŋu aƒo nu.
Nu ka ŋuti wobu mí movitɔwoe
eye wobu mí bometsilawoe le wò ŋkume?
Wò ame si vuvu ɖokuiwò kɔ ɖi le wò dziku me,
ɖe wòle be woagblẽ anyigba ɖi ɖe tawò
alo woaɖe agakpewo ɖa le wò teƒea?
“Wotsia ame vɔ̃ɖi ƒe akaɖi
eye eƒe dzo megabina o.
Kekeli si le eƒe agbadɔ me la doa viviti
eye akaɖi si le eƒe axadzi la hã tsina.
Megatea ŋu ɖea abla o
eye eya ŋutɔ ƒe nuɖoɖowo ƒunɛ anyi.
Eƒe afɔ ɖoa ɖɔ me
eye wòƒoa dablibɛ le ɖɔkawo me.
Mɔ léa afɔkpodzi nɛ
eye mɔ̃ka blanɛ sesĩe.
Wolɔa ke kɔna ɖe mɔka dzi nɛ le anyigba
eye wotrea mɔ ɖe eƒe mɔ me.
Ŋɔdzidodowo doa vodzi nɛ le akpa sia akpa
eye wokplɔa eƒe afɔɖeɖe ɖe sia ɖe ɖo.
Dzɔgbevɔ̃e tsi dzi vevie be yeadzɔ ɖe edzi
eye gbegblẽ le klalo be yeava edzi ne edze anyi.
Eɖu eƒe ŋutilã ƒe akpa aɖewo
eye ku ƒe ŋgɔgbevi vuvu eƒe ŋutinuwo
Woɖee ɖa le eƒe agbadɔ si nye eƒe sitsoƒe la me
eye wokplɔe yina na ŋɔdziwo ƒe fia.
Dzo bibi xɔ aƒe ɖe eƒe agbadɔ me
eye aŋɔka bibi kaka ɖe eƒe nɔƒe.
Eƒe kewo yrɔna le ete ke
eye eƒe aŋgbawo yrɔna le eƒe tame.
Woŋlɔnɛ be le anyigba dzi
eye eƒe ŋkɔ buna le amewo dome.
Wonyanɛ tso kekeli nu yina ɖe viviti me
eye woɖenɛ ɖa le xexea me.
Vi alo dzidzimevi menɔa esi le eƒe amewo dome o
eye ame aɖeke metsia agbe le teƒe si wònɔ va yi o.
Ɣetoɖoƒetɔwo ƒe nu ku le nu si dzɔ ɖe edzi ta
eye vɔvɔ̃ ɖo ɣedzeƒetɔwo.
Vavãe, aleae ame vɔ̃ɖi ƒe nɔƒe nɔna,
aleae ame si menya Mawu o la ƒe nɔƒe nɔna.”
Hiob ƒe nuƒo
Hiob ɖo eŋu be,
“Va se ɖe ɣe ka ɣie miawɔ funyafunyam
eye miatsɔ miaƒe nyawo agbãm?
Zi ewo sɔŋue nye esi miedo vlom
eye mieti kpo dze dzinye ŋumakpemakpetɔe.
Nenye nyateƒee be metra mɔ la,
vodada sia nye nye ɖeka ko ƒe nya.
Nenye vavãe miebe yewoakɔ mia ɖokuiwo ɖe dzi agbɔ tanye,
ahazã vlo si wodom la aɖia nunyee la,
ekema minyae be Mawu dze agɔ le dzinye
eye wòtsɔ eƒe ɖɔ ƒo xlãm.
“Togbɔ be mefa avi sesĩe be,
‘Wodze agɔ le dzinye!’ hã la,
ame aɖeke metɔ nam o
eye togbɔ be medo ɣli be woaxɔ nam hã la,
wometso nam o.
Exe nye mɔ be nyemate ŋu ato edzi ayi o,
etsɔ viviti tsyɔ nye toƒewo.
Eklo bubu le ŋunye
eye wòɖe fiakuku le tanye.
Evuvum kɔ ɖi le akpa sia akpa va se ɖe esime medzo,
ale wòho nye mɔkpɔkpɔ abe ati ene.
Eƒe dziku bi ɖe ŋunye
eye wòbum ɖe eƒe ketɔwo dome.
Eƒe aʋakɔwo lũ ɖe eme kple ŋusẽ,
woƒu kpo ɖe ŋunye eye woƒu asaɖa anyi ɖe
nye agbadɔ ŋu godoo va kpe.
“Eɖe nɔvinye ŋutsuwo ɖa le ŋunye
eye wòklã nye kple xɔ̃nyewo dome keŋkeŋkeŋ.
Nye ƒometɔwo dzo le gbɔnye
eye nye ame nyanyɛwo ŋlɔm be.
Ame siwo va dze gbɔnye
kple nye nyɔnudɔlawo bum amedzroe
eye mezu du bubu me tɔ le wo ŋkume.
Meyɔ nye dɔla gake metɔ o
togbɔ be metsɔ nye nu ɖe kuku nɛ hafi.
Nye nu me le ʋeʋẽm ɖe nye ŋutɔ srɔ̃nye
eye mele ŋu nyɔm na nye ŋutɔ nɔvinye ŋutsuwo.
Ŋutsuvi suewo gɔ̃ hã koam eye ne meva do la,
woɖua fewu le ŋunye.
Mele ŋu nyɔm na xɔ̃nye veviwo katã eye ame siwo melɔ̃ la,
tso ɖe ŋutinye.
Mezu ŋutilã kple ƒu ɖeɖe,
eye meɖo kudo nu.
“Mikpɔ nye nublanui, xɔ̃nyewo,
mikpɔ nublanui nam elabena Mawu ƒe asi ƒom.
Nu ka ta mieti yonyeme
abe ale si Mawu ti yonyemee ene?
Nye ŋutilã si mieɖu la mesɔ gbɔ na mi oa?
“O nenye ɖe woaŋlɔ nye nyawo ɖi,
nenye ɖe woaŋlɔe ɖe agbalẽ me eye
nenye ɖe woatsɔ gayibɔnuŋlɔnu aɖee ɖe akɔblikpe dzi
alo woaɖee ɖe agakpe dzi tegbee hã la, anyo ŋutɔ.
Menya be nye Xɔnametɔ le agbe,
eye mlɔeba la, atsi tsitre ɖe anyigba dzi.
Eye ne nye ŋutigbalẽ vuvu keŋkeŋkeŋ hã la,
makpɔ Mawu le nye ŋutilã me,
Nye ŋutɔ makpɔe, makpɔe kple nye ŋkuwo,
menye ame bubu aɖeke tɔ o.
Aleke nye dzi mehetsi dzi ɖe eŋui o!
“Ne miegblɔ be,
‘Aleke míadi vɔ̃ nɛ?
Eya ŋutɔ gbɔ kuxiawo tso’ la,
ekema yi nedo vɔvɔ̃ na miawo ŋutɔ
elabena dziku atsɔ yi ahe toe
eye mianya be ʋɔnudɔdrɔ̃ li.”
Zofar ƒe nuƒo
Tete Naamatitɔ, Zofar ɖo eŋu nɛ be,
“Nu siwo le fu ɖem na nye susue dɔm be maɖo eŋu na wò
elabena metsi dzi le ɖokuinye me ŋutɔ.
Mese mokaname aɖe si ɖe bubu le ŋunye,
eye nye gɔmesese de dzi ƒo nam be maɖo nyawo ŋu.
“Meka ɖe edzi be ènya ale si wònɔ tso blema,
tso ɣeyiɣi si ke wowɔ amegbetɔ da ɖe anyigba dzi be
ame vɔ̃ɖiwo ƒe nukoko nu mesena yina o,
eye Mawumavɔ̃lawo ƒe aseyetsotso nɔa anyi ɣeyiɣi kpui aɖe ko.
Togbɔ be eƒe dada yi ɖatɔ dziƒo,
eƒe ta yi ɖatɔ lilikpowo ke hã la,
atsrɔ̃ gbidii abe eya ŋutɔ ƒe afɔdzi ene
eye ame siwo kpɔe la agblɔ be,
‘Afi ka wòle?’
Edzona dzona abe drɔ̃e ene,
womagakpɔe o eye wòabu
abe ŋutega si wokpɔ le zã me ene.
Ŋku si kpɔe la magakpɔe akpɔ o,
eye eƒe nɔƒe hã magakpɔe akpɔ o.
Ele be viawo nawɔ ɖɔɖɔɖo anyo dɔ me na ame dahewo,
eya ŋutɔ ƒe asiwo aɖe asi le eƒe kesinɔnuwo ŋu.
Ɖekakpuimeŋusẽ dzodzoe si yɔ
eƒe ƒuwo me la aku kplii ayi ke me.
“Togbɔ be nu vɔ̃ɖi vivi le eƒe nu me,
eye wòɣlae ɖe eƒe aɖe te,
togbɔ be mate ŋu aɖe asi le eŋu o
eye wòbe ɖe nu me nɛ hã la,
eƒe nuɖuɖu ave le eƒe dɔ me,
eye wòazu da ƒe aɖi le eƒe dɔgbowo me.
Atu kesinɔnu siwo wòmi la aƒu gbe.
Mawu ana eƒe dɔgbowo nadzɔ wo katã aƒo ɖi.
Eno da ƒe aɖi
eye ƒli ƒe aɖi awui.
Makpɔ gome le tɔʋu kple tɔsisi
siwo me anyitsi kple notsi babla le sisim le la me o.
Maɖu nu siwo ŋu wòdze agbagba le o,
ke boŋ atsɔ wo ana eye maɖu viɖe
si do tso eƒe asitsatsa hã me o
elabena ete ame dahewo ɖe to wozu hiãtɔwo
eye wòxɔ aƒe siwo metu o.
“Vavã makpɔ gbɔdzɔe le eƒe nudzodzrowo me o
eye maɖe eɖokui to eƒe nunɔamesiwo dzi o.
Naneke masusɔ nɛ esi wòavuvu o
eƒe kesinɔnuwo matɔ ɖi o.
Le eƒe nukpɔkpɔ gbogboawo dome la,
xaxa ava edzi eye hiãtuame
ƒe ŋusẽ katã ava edzi.
Ne eƒe ƒodo yɔ nyuie la Mawu atrɔ
eƒe dziku bibi akɔ ɖe edzi
eye wòana eƒe dɔmedzoe nadza ɖe edzi.
Togbɔ be esi le gayibɔlãnu nu hã la,
akɔbliŋutrɔ ƒo ɖee.
Eɖee do goe tso eƒe lãme
eye wòho eƒe tsutsyɔeƒe le eƒe aklã me.
Ŋɔdzi alée,
eye viviti tsiɖitsiɖi le eƒe kesinɔnuwo lalam.
Dzo si womeƒlɔ ɖo o la afiae
eye wòabi nu si susɔ ɖe eƒe agbadɔ me la keŋkeŋkeŋ.
Dziƒo aɖe eƒe vodada ɖe go
eye anyigba atso ɖe eŋu.
Tsiɖɔɖɔ akplɔ eƒe aƒe adzoe eye le Mawu ƒe dɔmedzoeŋkeke la dzi la,
tsi sisiwo akplɔe adzoe.
Esia nye gomekpɔkpɔ si Mawu ɖo ɖi na ame vɔ̃ɖiwo,
eye wònye domenyinu tso Mawu gbɔ na wo.”
Hiob ƒe nuƒo
Hiob ɖo nya ŋu nɛ be,
“Ɖo to nyuie nàse nye nyawo,
esia nenye akɔfafa si nànam.
Migbɔ dzi ɖi nam, ne maƒo nu eye ne meƒo nu vɔ la,
miate ŋu ayi miaƒe alɔmeɖeɖe dzi.
“Amegbetɔe mele konyi fam na?
Nu ka ta nyemagbe dzigbɔɖeanyi o?
Mikpɔm ɖa, ne miaƒe mo
nawɔ yaa eye miaƒu asi nu.
Ne mebu nu sia ŋuti la ŋɔ dziam
eye nye ameti blibo la medzona nyanyanya.
Nu ka ta ame vɔ̃ɖiwo nɔa agbe, tsina,
kua amegã, eye woƒe ŋusẽ dzina ɖe edzi ɖo?
Wonɔa agbe, kpɔa wo viwo lia ke heƒoa xlã wo
eye woƒe dzidzimeviwo tsina le wo ŋkume.
Woƒe aƒewo me le dedie,
wovo tso vɔvɔ̃ ƒe asi me eye Mawu ƒe
ameƒoti mevaa wo dzi o.
Woƒe nyitsuwo megbea asiyɔyɔ o,
woƒe nyinɔwo dzia vi eye fu megena le wo ƒo o.
Woɖea wo viwo doa goe abe lãha ene
eye wo vi suewo nɔa fefem henɔa ɣe ɖum.
Wodzia ha ɖe asiʋuiwo kple kasaŋkuwo ŋu
eye wotua aglo ɖe kpẽ ƒe ɖiɖi ŋu.
Woɖua woƒe ƒewo le dzidzedzekpɔkpɔ me
eye woyia yɔ me le ŋutifafa me
gake wogblɔna na Mawu be,
‘Ɖe asi le mía ŋu!
Medzro mí be míanya wò mɔwo o.
Ame kae nye Ŋusẽkatãtɔ be míasubɔe?
Viɖe ka míakpɔ ne míedo gbe ɖa nɛ?’
Evɔa woƒe dzidzedzekpɔkpɔ mele woawo ŋutɔ ƒe asi me o,
eya ta menɔ adzɔge na ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋudede.
“Ke hã la, zi nenie ame vɔ̃ɖiwo ƒe akaɖi tsina?
Zi nenie dzɔgbevɔ̃e dzɔna ɖe wo dzi,
esi nye nu si Mawu ɖo ɖi na wo le eƒe dziku me?
Zi nenie wole abe gbe ƒuƒu si ya lɔ ɖe nu
alo atsa si ahom lɔ ɖe nu ene?
Wogblɔ be, ‘Mawu ɖo amegbetɔ ƒe tohehe ɖi na via ŋutsuwo.’
Anyo be wòahe to na amea ŋutɔ,
ne wòanya nu si wònye!
Eya ŋutɔ ƒe ŋkuwo nekpɔ eƒe gbegblẽ,
eye wòano Ŋusẽkatãtɔ la ƒe dɔmedzoekplu
elabena ɖe wòtsɔ ɖe le eme na ƒometɔ
siwo wògblẽ ɖe megbe esi ɣleti
siwo woɖo ɖi nɛ la wu nua?
“Ɖe ame aɖe ate ŋu afia gɔmesese Mawu,
esi wònye eyae drɔ̃a ʋɔnu ame kɔkɔtɔ gɔ̃ hã?
Ame aɖe ku esi eƒe agbe ɖo vivime,
wòle dedinɔnɔ me eye wòɖe dzi ɖi bɔkɔɔ,
eƒe ŋutilã kpɔ nunyiame nyuitɔ
eye ƒutomemi yɔ eƒe ƒuwo me fũu.
Ame bubu ku le eƒe luʋɔ ƒe nuxaxa me
eye mese vivi na nu vivi aɖeke kpɔ o.
Ke wo ame evea mlɔ kasanu le ke me,
eye ŋɔviwo ɖi ba ɖe wo kple evea dzi.
“Menya nu siwo susum miele la nyuie
kple nu vɔ̃ɖi siwo ɖom miele be miadze agɔ le dzinye.
Miegblɔ be, ‘Afi ka ame xɔŋkɔ la ƒe aƒe le
eye agbadɔ si me ame vɔ̃ɖiwo nɔ la ɖe?’
Miebia gbe mɔzɔlawo kpɔ oa?
Mietsɔ ɖeke le woƒe nuteƒekpɔkpɔ
si wogblɔ fia mi la me be
woɖea ame vɔ̃ɖi le dzɔgbevɔ̃egbe,
eye woɖenɛ le dzikugbe oa?
Ame kae ɖe eƒe agbe vlo si nɔm wòle la ɖe mo nɛ kpɔ?
Ame kae ɖoa nu tovo si wòwɔ la teƒe nɛ?
Wokɔnɛ yia yɔdo gbɔe
eye wodzɔa eƒe yɔdokpe ŋu.
Ke siwo le balime la vivi enu, amewo katã dze eyome
eye ameha gã aɖe si womate ŋu axlẽ o la dze ŋgɔ nɛ.
“Eya ta aleke miate ŋu awɔ atsɔ
miaƒe bometsinyawo afa akɔ nam mahã?
Naneke mele miaƒe nyaŋuɖoɖowo me wu alakpa o!”
Elifaz ƒe nuƒo
Temanitɔ, Elifaz ɖo eŋu be,
“Ɖe ame anye viɖenu na Mawua?
Ɖe nunyala gɔ̃ hã anye viɖenu nɛa?
Dzidzɔ ka wòanye na Ŋusẽkatãtɔ la ne ènye ame dzɔdzɔe?
Eye viɖe ka wòakpɔ ne fɔɖiɖi mele wò mɔwo ŋu o?
“Wò Mawuvɔvɔ̃ tae wòka mo na wò
hetsɔ nya ɖe ŋuwòa?
Ɖe wò nu vɔ̃ɖi wɔwɔ mekpe ŋutɔ oa?
Ɖe nuwuwu li na wò nu vɔ̃woa?
Èbia megbedanu tso nɔviwò ŋutsuwo si susumanɔmetɔe
eye nèɖe avɔ le amewo ŋu wotsi amama.
Mèna tsi ame siwo nu ti kɔ na la wono o
eye nète nuɖuɖu dɔwuitɔwo,
evɔ nèhenye ŋusẽtɔ,
anyigba le asiwò eye nèle anyigba dzi,
bubu le ŋuwò.
Èɖo ahosiwo ɖa asi ƒuƒlu
eye nèɖe tsyɔ̃eviwo ƒe ŋusẽ ɖa.
Eya ta mɔkawo ɖe to ɖe wò ɖo
eya ta dzɔgbevɔ̃e ƒo ɖe dziwò kpoyi hedo ŋɔdzi na wò
eya ta viviti do ale gbegbe be màgate ŋu akpɔ nu o
eye eya tae tɔɖɔɖɔ va tsyɔ dziwò ɖo.
“Ɖe Mawu mele dziƒo kɔkɔtɔ oa? Ɖe mekpɔ ale si ɣletivi kɔkɔtɔwo kɔkɔe oa?
Gake ègblɔ be, ‘Nu ka Mawu nya?
Ɖe wòdrɔ̃a ʋɔnu to viviti ma tɔgbi mea?
Lilikpo dodowo xe eŋkume
eya ta mekpɔa mí ne ele tsatsam
le dziƒo ƒe agbo sesẽwo me o.’
Ɖe nàgalé mɔ xoxo si dzi
ame vɔ̃ɖiwo zɔ va yi la me ɖe asia?
Wokplɔ wo dzoe hafi woƒe ɣeyiɣi de
eye tsiɖɔɖɔ kplɔ woƒe gɔmeɖokpewo dzoe.
Wogblɔ na Mawu be, ‘Ɖe asi le mía ŋu!
Nu kae Ŋusẽkatãtɔ la awɔ mí?’
Evɔ wònye eyae tsɔ nu nyuiwo yɔ xɔ na wo fũu,
eya ta menɔ adzɔge na ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋudede.
Ame dzɔdzɔewo kpɔ woƒe gbegblẽ eye dzi dzɔ wo,
ame maɖifɔwo gblɔ ɖe wo ŋu fewuɖutɔe be,
‘Wotsrɔ̃ míaƒe futɔwo vavã
eye dzo va fia woƒe kesinɔnuwo.’
“Tsɔ ɖokuiwò na Mawu
eye nànɔ ŋutifafa me kplii,
to esia me la, dzɔgbenyui ava wò mɔ dzi.
Xɔ nufiame tso eƒe nu me, eye nàtsɔ
eƒe nyawo adzra ɖo ɖe wò dzi me
Ne ètrɔ va Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ la, agaɖo wò te.
Ne èɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ɖa xaa tso wò agbadɔ gbɔ,
eye nètsɔ wò dzonu veviwo kɔ ɖe ke me,
tsɔ wò sika adodoe si tso Ofir ƒu gbe ɖe agakpewo tome la,
ekema Ŋusẽkatãtɔ la anye wò sika
kple klosalo nyuitɔ.
Ekema le nyateƒe me la,
Ŋusẽkatãtɔ ƒe nu ado dzidzɔ na wò
eye àwu wò mo dzi ɖe Mawu ŋu.
Àdo gbe ɖa nɛ, wòaɖo to wò
eye àxe wò adzɔgbeɖefewo nɛ.
Nu si nèɖo la, ava eme na wò
eye kekeli aklẽ ɖe wò mɔwo dzi.
Ne woɖiɖi amewo ɖe anyi,
eye nègblɔ be, ‘Fɔ wo ɖe dzi!’
la, ekema woafɔ ame siwo wote
ɖe anyi la ɖe dzi.
Aɖe ame si ŋu fɔɖiɖi le gɔ̃ hã,
ame si woaɖe to wò asi ƒe kɔkɔenɔnɔ me.”
Hiob ƒe nuƒo
Tete Hiob ɖo eŋu be,
“Egbe gɔ̃ hã nye konyifafa do gã ɖe edzi,
eƒe asi sẽ ɖe dzinye,
evɔ mele hũu ɖem hafi.
Nenye ɖe manya afi si makpɔe le,
nenye ɖe mayi enɔƒe la, anyo ŋutɔ!
Matsɔ nye nya aɖo eŋkume eye nye nu me ayɔ fũu
kple nya siwo matsɔ aɖe ɖokuinye nu
Ne makpɔ ale si wòaɖo eŋu nam
eye mabu nya si wòagblɔ la ŋuti.
Ɖe wòatsi tsitre ɖe ŋunye kple ŋusẽ gã aɖea?
Ao, ke boŋ aɖo tom
Afi ma ame dzɔdzɔe ate ŋu atsɔ eƒe nyawo aɖo eŋkume le
eye woaɖem tegbee tso nye ʋɔnudrɔ̃la ƒe asi me.
“Gake ne meyi ɣedzeƒe la, mele afi ma o,
ne meyi ɣetoɖoƒe la, nyemekpɔe le afi ma hã o.
Ne ele dɔ wɔm le anyiehe la, nyemekpɔnɛ o,
ne etrɔ ɖe dziehe hã la, nye ŋku melɔnɛ o.
Gake enya mɔ si dzi mele, ne edom kpɔ la,
mato eme abe sika ene.
Nye afɔwo le eƒe afɔtoƒewo yome kplikplikpli,
melé eƒe mɔ tsɔ eye nyemedze ɖe aga o.
Nyemete ɖe aga tso eƒe nuyiwo ƒe sededewo gbɔ o,
mede asixɔxɔ eƒe nyawo ŋu
wu nye gbe sia gbe ƒe nuɖuɖu.
“Ke eya ɖekae li, ame ka ate ŋu axe mɔ nɛ?
Nu sia nu si dze eŋu lae wòwɔna.
Ena se siwo wòde ɖi la va eme ɖe ŋutinye
eye ɖoɖo siawo tɔgbi gale esi ɖe ŋunye.
Esia ta ŋɔ dzim le eŋkume
eye ne mebu esiawo katã ŋuti la, mevɔ̃na nɛ.
Mawu na dzi ɖe le ƒonye,
Ŋusẽkatãtɔ la do ŋɔdzi nam.
Ke hã la, viviti la alo blukɔ tsiɖitsiɖi
si tsyɔ mo nam la mena ɖoɖoe zi le nunye o.
“Nu ka ŋuti Ŋusẽkatãtɔ la
meɖo ɣeyiɣiwo ɖi hena ʋɔnudɔdrɔ̃ o?
Nu ka ta ame siwo nyae la nanɔ mɔ kpɔm
na ŋkeke siawo dzodzro?
Amewo ɖea liƒokpewo ɖa,
wokplɔa lãha siwo wofi la yia gbeɖuƒee.
Wokplɔa tsyɔ̃eviwo ƒe tedziwo dzonae
eye woxɔa ahosi ƒe nyi abe awɔbanu ene.
Wotutua asi hiãtɔwo ɖa le mɔƒome
eye wozia ame dahe siwo katã
le anyigba dzi la dzi be woasi abe.
Ame dahewo ɖoa gbe nɔa nuɖuɖu dim
abe gbetedziwo le gbegbe ene
eye kuɖiɖinyigbawo dia nuɖuɖu na wo viwo.
Woŋe gbe le agblewo dzi na lãwo
eye wofɔa nuku siwo ge la le
ame vɔ̃ɖiwo ƒe waingblewo me.
Esi avɔ mele wo si o ta la womlɔ anyi ƒuƒlu le zã me
eye naneke meli woatsyɔ le vuvɔ me o.
Tsi ƒoa wo tea wo ŋu nyuie le towo dzi,
wokuna ɖe agakpewo ŋu elabena bebeƒe meli o.
Woɖea tsyɔ̃evi le no nu
eye woxɔa ame dahe ƒe vi ɖe fe si wònyi la nu.
Esi wònye avɔ mele wo si o ta la,
wole yiyim amama,
wolé lu bablawo ɖe ta,
evɔ dɔ le wo wum.
Wole amiti ƒe ku tum le te dzi,
wofiaa wain le wainfiaƒewo gake tsikɔ le wo wum.
Ame siwo le kudɔ ƒom ƒe ŋeŋe de dzi le dua me kɔtɔɔ
eye ame siwo xɔ abi la ƒe luʋɔwo le ɣli
dom be woaxɔ na yewo,
gake Mawu mebu fɔ ame aɖeke be edze agɔ o.
“Ame aɖewo li siwo tsi tsitre ɖe kekeli la ŋu,
ame siwo menya eƒe mɔwo alo zɔ eƒe toƒewo o.
Ne viviti do la, hlɔ̃dola la tsona hewua ame dahewo kple hiãtɔwo,
le zã me la, enɔa zɔzɔm abe fiafitɔ ene
Ahasitɔ ƒe ŋku nɔa viviti lalam,
egblɔna le eƒe susu me be, ‘Ŋku aɖeke makpɔm o,’
eye wòɣlaa eƒe mo.
Le viviti me la, amewo gbãa ʋɔ,
gena ɖe aƒewo me
gake ne ŋu ke la, wonɔa xɔ me tua ʋɔ ɖe wo ɖokuiwo nu
elabena womedi kekeli ƒe nya aɖeke o.
Ke wo katã la, viviti tsiɖitsiɖie le na wo abe ŋdikekeli ene
eye wodzea xɔ̃ viviti ƒe ŋɔdzinuwo.
“Evɔ la, futukpɔ ko wonye le tsi ŋgɔ,
woƒoa fi dea anyigba ƒe akpa si nye woƒe gome
ale be ame aɖeke mayi ɖe waingblewo me le afi ma o.
Abe ale si dzoxɔxɔ kple kuɖiɖi kplɔa tsikpe
si lolõ la dzonae ene la,
nenemae yɔdo kplɔa ame siwo wɔa
nu vɔ̃ la hã dzonae.
Vidzidɔ ŋlɔa wo be, wozua nuɖuɖu na ŋɔviwo,
womegaɖoa ŋku ame vɔ̃ɖiwo dzi o,
ke boŋ woŋena abe atilɔ ene.
Wohaa konɔwo kple vimanɔsitɔwo
eye womekpɔa nublanui na ahosiwo o.
Gake Mawu kplɔa kalẽtɔwo dzonae kple eƒe ŋusẽ.
Togbɔ be woli ke hã la,
kakaɖedzi mele wo si be woanɔ agbe o.
Ɖewohĩ ana woaɖe dzi ɖi abu be yewole dedie
gake eƒe ŋkuwo le woƒe mɔwo ŋu.
Wodoa wo ɖe dzi ɣeyiɣi kpui aɖe,
tete wo nu va yina,
woɖiɖia wo ɖe anyi eye wokuna
abe bubuawo katã ko ene ale woŋea wo
abe ale si woŋea bli le bliti ŋu ene.
“Ne mele alea o la,
ame kae aɖe aʋatso nam
eye wòana nye nyawo nazu tofloko?”
Bildad ƒe nuƒo
Bildad, Suhitɔ ɖo eŋu nɛ be,
“Dziɖuɖu kple ŋɔdzi nye Mawu tɔ,
eyae ɖo ɖoɖo anyi ɖe dziƒo ƒe kɔkɔƒewo.
Ɖe woate ŋu axlẽ eƒe aʋakɔwoa?
Ame ka tame eƒe kekeli meklẽ ɖo o?
Ekema aleke amegbetɔ anye dzɔdzɔetɔ le Mawu ŋkume?
Aleke amegbetɔ, nyɔnu tɔ dzidzia, anɔ dzadzɛe?
Ne ɣleti ƒe keklẽ menye naneke nɛ o
eye ɣletiviwo hã medza le eŋkume o la,
aleke amegbetɔ si nye ŋɔvi
kple ame vi si nye ŋɔ la ayi nane nye ge le eŋkume!”
Hiob ƒe nuƒo
Hiob ɖo eŋu nɛ be,
“Miekpe ɖe ame beli la ŋu ŋutɔ!
Miekpe ɖe ame gblɔe la ƒe abɔ ŋu ŋutɔ!
Aɖaŋu kae nye esi nèna ame si si nunya mele o!
Eye sidzedze kae nye gã si nèɖe fia!
Ame kae kpe ɖe ŋuwò be nègblɔ nya siawo?
Eye ame ka ƒe gbɔgbɔe ƒo nu to dziwò?
“Ame kukuwo le vevesese gã aɖe me,
nenema kee nye ame siwo le tɔ gɔme
kple ame siwo le tɔ me.
Ku le ƒuƒlu le Mawu ŋkume,
eye wometsyɔ nu gbegblẽ dzi o.
Ekeke dzigbeme ƒe lilikpowo ɖe teƒe siwo naneke mele o
eye wòna anyigba le yame, naneke melée ɖe asi o.
Eŋlɔ tsiwo ɖe lilikpowo me,
gake woƒe kpekpe mena lilikpoawo gbã o.
Etsɔ nu tsyɔ ɣleti si sɔ tegblẽe la ƒe ŋkume
eye wòkeke eƒe lilikpowo ɖe edzi.
Eɖe liƒo na dzite ɖe tsiwo dzi
eye wòde mama kekeli kple viviti dome.
Ne ele mo kam na nuwɔwɔwo la,
dziƒosɔtiwo ʋuʋuna eye wodzona nyanyanya.
Ena atsiaƒu dze agbo to eƒe ŋusẽ dzi
eye wòfli Rahab kakɛkakɛ to eƒe nya dzi.
Ena dziŋgɔli me kɔ to eƒe ŋɔtimegbɔgbɔ dzi
eye eƒe asi ŋɔ da vɔ̃ɖi si ɖiɖi va yina.
Esiawoe nye eƒe dɔwɔwɔwo ƒe sue aɖe ko
eye aleke dalĩ si wodo le eŋuti miese la le bɔlɔe ale!
Eya ta ame kae ate ŋu ase
eƒe ŋusẽ ƒe gbeɖeɖe gɔme?”
Tete Hiob yi eƒe nuƒoa dzi be,
“Meta Mawu si gbe afiatsotso nam la ƒe agbe kple Ŋusẽkatãtɔ,
ame si do vevesese na nye luʋɔ be,
zi ale si agbe le menye,
Mawu ƒe gbɔgbɔ le nye ŋɔti me la,
nye nuyi magblɔ nya vɔ̃ɖi o
eye nye aɖe magblɔ beblenya aɖeke o.
Nyemalɔ̃ gbeɖe be tɔwò dzɔ o
va se ɖe esi maku la,
nyemasẽ nu le nye blibodede ŋu o.
Malé nye dzɔdzɔenyenye me ɖe asi ɖaa
eye nyemaɖe asi le eŋu akpɔ o.
Zi ale si mele agbe la,
nye dzitsinya mado vlom o.
“Nye futɔwo nenɔ abe ame vɔ̃ɖiwo ene
eye nye ketɔwo abe ame madzɔmadzɔwo ene!
Elabena mɔkpɔkpɔ kae le ame vlo si ne wolãe ɖa
eye Mawu ɖe eƒe agbe ɖa?
Ɖe Mawu ase eƒe ɣlidodo,
ne eɖo xaxa mea?
Ɖe eƒe nu anyo Ŋusẽkatãtɔ la ŋua?
Ɖe wòayɔ Mawu ɣe sia ɣia?
“Mafia nu mi tso Mawu ƒe ŋusẽ ŋuti
eye nyemaɣla Ŋusẽkatãtɔ la ƒe mɔwo ɖe mi o.
Miawo ŋutɔ miekpɔ esiawo katã.
Ekema nu kae nye nuƒo manyatalenu gbogbo siawo?
“Esia nye gome si Mawu ɖo ɖi na ame vɔ̃ɖiwo
kple domenyinyi si ŋutasẽla xɔna tso Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ.
Aleke ke viawo sɔ gbɔe hã la,
woɖo wo ɖi na yi eye eƒe dzidzimeviwo
makpɔ nu aɖu aɖi ƒo akpɔ gbeɖe o.
Dɔvɔ̃ awu ame siwo susɔ nɛ
eye woƒe ahosiwo mafa na wo o.
Togbɔ be eli kɔ klosalo abe ke ene,
wòdo agba avɔ wòkɔ abe to ene hã la,
ame dzɔdzɔewo ado nu siwo wòli kɔe
eye ame maɖifɔwo ama eƒe klosalo.
Xɔ si wòtu la anɔ abe gbagblaʋui
ƒe azi si wòƒo teti ko la ene
eye wòanɔ abe zãɖialawo
ƒe agbadɔ si wòwɔ la ene.
Emlɔ anyi abe hotsuitɔ ene
gake esusɔ vie maganɔ nɛ nenema o
elabena esi wòʋu eƒe ŋkuwo la,
naneke megali o.
Ŋɔdzi ƒona ɖe edzi abe tɔɖɔɖɔ ene
eye ahom kplɔnɛ dzonae le zã me.
Ɣedzeƒeya kɔe dzoe eye wòdzo,
ale wòkplɔe ɖa le enɔƒe.
Etsɔ eɖokui xlã ɖe edzi nublanuimakpɔmakpɔtɔe,
esi wòsi le eƒe ŋusẽ nu afɔtsɔtsɔe.
Esi akpe ɖe eta fewuɖutɔe
eye wònyae ɖa le enɔƒe.”
“Klosalokuƒe li
eye teƒe li si wololõa sika le.
Wokua gayibɔ le tome
eye wokpɔa akɔbli ne wololõ akɔblikpe.
Amegbetɔ ɖo seƒe na viviti,
etsana le didiƒewo kple viviti tsiɖitsiɖitɔ
kekeake me hena tomenuwo.
Eɖe do wògoglo yi eme ʋĩi hedidi tso amenɔƒe gbɔ,
teƒe si amewo ƒe afɔ mede kpɔ o;
teƒe goglo sia, si didi tso amewo gbɔ lae
wonɔa ka me henɔa nyenyem le yame le.
Anyigba si me wokpɔa nuɖuɖu tsonae lae wotrɔ
le tome abe dzo me wòto ene.
Woɖea safirkpe tso eƒe kpe siwo wogbã la me
eye woɖea sika tso eƒe kewɔ me.
Xe ƒonuwo menya toƒe ɣaɣla ma o
eye aʋako aɖeke ƒe ŋku mekpɔe kpɔ o
Gbemelã siwo dana la meka afɔ afi ma kpɔ o,
eye dzata aɖeke hã mezɔ afi ma kpɔ o.
Ame ƒe asi gbã kpe sesẽawo
eye wòna towo te dze go.
Eɖea mɔ ɖe kpeawo tome
eye eƒe ŋkuwo kpɔa
eƒe nu xɔasi vovovowo katã.
Etsana le tsidzɔƒewo
eye wòhea nu ɣaɣlawo vaa kekeli nu.
“Ke afi ka woakpɔ nunya le?
Afi ka gɔmesese nɔna?
Amegbetɔ mese eƒe nuvãnyenye gɔme o,
womate ŋu akpɔe le agbagbeawo ƒe anyigba dzi o.
Gogloƒe gblɔ be,
‘Menye tɔnyee o,’
Atsiaƒu gblɔ be,
‘Mele gbɔnye o,’
Womate ŋu aƒlee kple sika nyuitɔ
alo woada klosalo ɖe eƒe home nu o.
Màte ŋu aƒlee kple sika adodoe si tso Ofir alo kple kpe xɔasiwo,
oniks kple safir o.
Sika alo kristalkpe masɔ kplii o
eye womatsɔ sikanuwo gɔ̃ hã aɖɔlii o.
Womayɔ sui kple adzagba ƒe ŋkɔwo gɔ̃ hã ɖe eŋu o
elabena nunya ƒe asixɔxɔ kɔ wu gbloti tɔ sãsãsã.
Womatsɔ Kuskpe xɔasi, topaz, asɔ kplii o
eye sika nyuitɔ mate ŋu aƒlee o.
“Ekema afi ka nunya tso?
Afi ka nye gɔmesese ƒe nɔƒe?
Eɣla ɖe nu gbagbe ɖe sia ɖe ƒe ŋkukpɔƒe
eye woɣlae ɖe dziƒoxeviwo gɔ̃ hã.
Tsiẽƒe kple ku gblɔ be,
‘Nyasegblɔ tso eŋuti koe ɖo míaƒe towo me.’
Mawue nya egbɔmɔ
eye eya koe nya afi si wòle.
Elabena eyae tea ŋu kpɔa anyigba ƒe mlɔenu
ke, eye wòkpɔa nu sia nu si le ɣea te.
Esi wòɖo ya ƒe ŋusẽ anyi,
hedzidze tsiwo vɔ,
esi wòwɔ se na tsidzadza,
heta mɔ na dziɖegbe kple ahom vɔ la,
enye kɔ kpɔ nunya, dzro eme kpɔ
eye wòda asi ɖe edzi, hedoe kpɔ.
Tete wògblɔ na amegbetɔ be,
‘Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la vɔvɔ̃e
nye nunya eye nugbegbe
le vɔ̃ gbɔe nye gɔmesese.’ ”
Hiob yi eƒe nuƒoƒo dzi be,
“O, ale si medi vevie be wòanɔ nam abe
ale si wònɔ le ɣleti siwo va yi me la ene,
le ŋkeke siwo me Mawu kpɔ tanye,
esi eƒe akaɖi klẽ ɖe nye ta dzi
eye eƒe kekeli na mezɔ to blukɔ tsiɖitsiɖi me!
O, nenye ɖe wòanɔ nam abe nye lãmesẽŋkekewo me ene,
esi kadodo kple Mawu kplikplikpli na wòyra nye aƒe,
esi Ŋusẽkatãtɔ la ganɔ kplim ko
eye vinyewo ƒo xlãm,
esi nye toƒe nye notsi kpeke ɖeɖe
eye amitimi ɖuɖu bababa tso agakpe me nam.
“Ne meyi dua ƒe agbo nu,
henɔ anyi ɖe zikpui dzi gli,
le dua ƒe ablɔme la,
ɖekakpuiawo kpɔam,
heƒoa asa nam eye ame tsitsiwo tsona ɖe tsitrenu,
dumegãwo tɔna ne wole nu ƒom
hetsɔa asi ɖoa nu.
Gbɔgblɔ buna ɖe ame ŋkutawo
eye woƒe aɖe léna ɖe woƒe nu me.
Ame sia ame si ɖo tom la kafuam
eye ame siwo kpɔm la ƒoa nu nyui tso ŋutinye
elabena mexɔna na hiãtɔ siwo le ɣli dom be
woakpe ɖe yewo ŋu kple tsyɔ̃evi si si kpeɖeŋutɔ mele o.
Ame si le kukum la ƒe yayra vaa dzinye
eye menana ahosi ƒe dzi kpɔa dzidzɔ.
Metsɔ dzɔdzɔenyenye do abe awu ene
eye nuteƒewɔwɔ nye nye awu ʋlaya kple tablanu.
Menye ŋku na ŋkuagbãtɔ
kple afɔ na tekunɔ.
Menye tɔ na hiãtɔwo
eye mexɔa nya ɖe amedzrowo nu.
Meŋea tsyo na ame vɔ̃ɖiwo
eye meɖea nu si woda adzoe la le woƒe aɖutame.
“Mebu be, ‘Maku ɖe nye ŋutɔ nye aƒe me,
nye ŋkekewo asɔ gbɔ abe ke ene.
Nye kewo aƒo ɖe to, ade tsi gbɔ
eye zãmu adza ɖe nye alɔwo dzi zã blibo la.
Nye ŋutikɔkɔe anɔ yeye zum ɣe sia ɣi le ŋunye
eye dati anɔ yeye ɖaa le asinyeme.’
“Amewo ɖoa tom henɔa nye asinu kpɔm,
nɔa lalam na nye aɖaŋuɖoɖo le ɖoɖoezizi me.
Ne meƒo nu la, womegaƒoa nu o
eye nye nyawo gena ɖe woƒe towo me bɔlɔɔ.
Wonɔa lalayem abe ale si wolalana na tsidzadza ene
eye woxɔa nye nyawo dea wo ɖokui me
abe ale si wonoa kelemetsi ene.
Womexɔnɛ sena ne meko nu na wo o,
nye mo ƒe kekeli nye nu xɔasi na wo.
Metiaa mɔ si woato la na wo,
menɔa wo dome abe woƒe tatɔ ene
eye menɔa wo dome abe woƒe fia le
eƒe aʋakɔwo dome ene.
Menɔna abe ame si faa akɔ na konyifalawo ene.
“Ke azɔ la, ame siwo menye xoxo na,
ame siwo fofowo manyɔ ŋui be womade ha
kple nye lãkplɔvuwo gɔ̃ hã o la ɖua fewu le ŋutinye.
Nu ka woƒe alɔkpa sesẽ la wɔ nam,
esi ŋusẽ vɔ le wo ŋu?
Hiã kple dɔwuame na wowɔ ɖeƒomevie hele tsatsam
le dzogbe kple kuɖiɖinyigbawo dzi le zã me.
Le gbe me woda amagbewo
eye woƒe nuɖuɖue nye dɔli ƒe ke.
Woɖe wo ɖa le wo nɔvi amegbetɔwo ƒe ha me
eye wodo ɣli ɖe wo ta abe fiafitɔwo wonye ene.
Wozi wo dzi be woanɔ tɔʋu siwo mie la me,
agakpewo tome kple do siwo woɖe ɖe anyigba la me.
Wole xɔxlɔ̃m le gbe me
eye woƒo ta kpli ɖe avekawo te.
Wonya wo le anyigba la dzi abe ame ɖigbɔ̃wo
kple yakamewo ƒe dzidzimeviwo ene.
“Ke azɔ la, wo viŋutsuwo kpa ha dem,
heɖu fewu le ŋunye le ha la me
eye mezu lodonu le wo dome.
Wonyɔa ŋum, henɔa adzɔge nam
eye woɖea ta ɖe mo nam faa.
Esi azɔ Mawu lã nye datika, hewɔ fum la,
wowɔa nu si dze wo ŋu la le ŋkunye me.
Wo detɔwo tso ɖe ŋutinye le nye ɖusime,
woɖo mɔwo ɖi na nye afɔ
eye woƒu woƒe aʋakpowo ɖe ŋunye.
Wogbã nye mɔ, edze edzi na wo be
wogblẽ donyeme eye ame aɖeke mekpe ɖe wo ŋu gɔ̃ hã o.
Wolũ ɖe dzinye abe gli gbagbã mee woto ene
eye wozɔ to gbagbãƒewo va ƒo ɖe dzinye.
Ŋɔdzidodowo nye tsyɔ dzinye,
wonya nye bubu ɖe nu abe ale si ya lɔa nu ɖe nue ene
eye nye dedinɔnɔ bu abe lilikpo ene.
“Azɔ nye agbe nu va le yiyim
eye hiãŋkekewo lém.
Zã ŋɔa nye ƒuwo
eye nye vevesese manyagblɔ nu metsona o.
Mawu tsyɔ eƒe ŋusẽ triakɔ la
dzinye abe avɔ ene, eye
wòle awu ɖe ve nam.
Ekɔm ƒu gbe ɖe ba me
eye mezu ke kple dzofi.
“O Mawu, mefa avi yɔ wò gake mètɔ nam o,
metsi tsitre gake ɖeko nèkpɔm dũu.
Ètrɔ dze dzinye nublanuimakpɔmakpɔtɔe
eye nètsɔ wò alɔkpa sesẽ ɖu dzinyee.
ȃom tsa, hena ya lɔm ɖe nu
eye nènyamam le ahom la me.
Menya be àhem ayi ku me,
teƒe si woɖo ɖi na kodzogbeawo katã.
“Vavãe, ame aɖeke medoa asi ɖa léa
ame si gbã gudugudu ne ele ɣli dom be
woaxɔ na ye le eƒe xaxa me o.
Ɖe nyemefa avi ɖe ame siwo ɖo xaxa me la ŋu oa?
Ɖe nye luʋɔ mexa nu ɖe ame dahewo ŋuti oa?
Gake esi mekpɔ mɔ na nyui la, vɔ̃ tum,
esi mekpɔ mɔ na kekeli la, viviti koe va nam.
Dzoxɔxɔ si le edzi yim le menye la metɔna o,
fukpekpeŋkekewo kpe akɔ kplim.
Nye amea menyɔ tsiɖitsiɖitsiɖi le yiyim
gake menye ɣee ɖum o,
metsi tsitre ɖe ameha
la titina hedo ɣli bia kpekpeɖeŋu.
Meva zu nɔviŋutsu na amegãxiwo
kple hati na golowo.
Nye ŋutigbalẽ nyɔ tsiɖitsiɖitsiɖi hele fofom le ŋutinye
eye asrã dze dzinye kple dzoxɔxɔ gã aɖe.
Nye kasaŋku do konyifagbe
eye nye dze le avigbe dom.
“Mebla nu kple nye ŋku be
megakpɔ ɖetugbi aɖeke ahiãdzetɔe o.
Elabena nu kae nye amegbetɔ tɔ gome tso
Mawu si le dziƒo la gbɔ
kple eƒe domenyinu tso
Ŋusẽkatãtɔ si le dziƒo ʋĩi la gbɔ?
Ɖe menye gbegblẽ wònye na ame vɔ̃ɖiwo
kple dzɔgbevɔ̃e na nu tovo wɔlawo oa?
Ɖe mekpɔ nye mɔwo
eye wòxlẽ nye afɔɖeɖe ɖe sia ɖe oa?
“Nenye be mezɔ le aʋatsokaka me
alo nye afɔ ɖe abla ɖe amebeble ŋuti la,
ekema Mawu nedam le nudanu nyuitɔ dzi
eye wòanya be nyemeɖi fɔ o.
Nenye be nye afɔ tra le mɔ la dzi,
nenye be nye dzi kplɔ nu si nye ŋkuwo kpɔ la ɖo
alo nye asiwo ƒo ɖi la,
ekema ame bubuwo neɖu nu siwo meƒã
eye woneho nye nukuwo le bo dzi.
“Ne nyɔnu aɖe flu nye dzi
alo mede xa ɖe nye aƒelika ƒe ʋɔtru nu la,
ekema srɔ̃nye netu bli na ŋutsu bubu
eye ŋutsu bubuwo nedɔ kplii.
Elabena esia anye ŋukpenanu
kple nu vɔ̃ si dze na ʋɔnudɔdrɔ̃.
Enye dzo si bina hena gbegblẽ,
eye wòaho nye nukuwo akɔ ɖi.
“Ne nyemetso afia nyui na nye dɔlaŋutsuwo
kple dɔlanyɔnuwo ne wotsɔ nya ɖe ŋunye o la,
nu ka mawɔ ne Mawu bia gbem?
Ŋuɖoɖo ka mana ne eyɔm be mana akɔnta?
Ɖe menye ame si wɔm ɖe vidzidɔ me lae wɔ woawo hã oa?
Ɖe menye eya koe wɔ mí ame evea katã
ɖe mía dadawo ƒe dɔ me oa?
“Nenye be mete hiãtɔwo woƒe didiwo
alo mena nu te ahosiwo ƒe ŋkuwo ŋu,
nenye be nye ɖeɖe meɖu nye abolo heku ŋɔ tsyɔ̃evi la,
eya ko woagblɔ nya aɖe,
evɔ la tso nye ɖekakpuime ke,
menyi tyɔẽviwo abe fofo ene
eye tso nye ɖevime ke,
mefia mɔ ahosiwo.
Ne mekpɔ ame aɖe wòle tsɔtsrɔ̃m le avɔmanɔamesi ta
alo hiãtɔ si mekpɔ awu ne wòado o
eye eƒe dzi meyram be metsɔ avɔ si wowɔ
kple nye alẽwo ƒe fu nɛ be wòade dzo lãme nɛ o,
ne mekɔ nye asi dzi ɖe tsyɔ̃evi ŋu, evɔa menya be
woxɔa nye nya le ʋɔnu la,
ekema na be nye abɔ nage le abɔgba ŋu
eye wòaŋe le ekpeƒe.
Elabena gbegblẽ si tso Mawu gbɔ la le ŋɔ dzim nam,
eye vɔvɔ̃ na eƒe atsyɔ̃ mana mawɔ nu mawo o.
“Nenye ɖe meɖo dzi ɖe sika ŋu
alo megblɔ na sika nyuitɔ be,
‘Wòe nye nye sitsoƒe,’
nenye ɖe mekpɔ dzidzɔ le nye kesinɔnu gbogboawo ta,
nu siwo nye alɔ wɔ dɔ kpɔ,
nenye ɖe mede bubu ɣe ŋuti le ale si wòle keklẽm
alo ɣleti le ale si wòle yiyim kple atsyɔ̃,
ale be woflu nye dzi le adzame
eye metsɔ nye asi wɔ dzesi na wo be melɔ̃ wo,
de bubu wo ŋu la,
ekema esiawo hã anye nu vɔ̃
siwo wòle be woahe ayi ʋɔnu,
elabena adze ċa be
nyemeto nyateƒe na Mawu le dziƒo o.
“Nenye ɖe mekpɔ dzidzɔ le
nye futɔ ƒe dzɔgbevɔ̃e me dzedze ŋu
alo dzɔ dzi le hiã siwo tui ta la,
eya ko magblɔ nya aɖe.
Gake nyemeɖe mɔ na nye nu be
wòawɔ nu vɔ̃ to ɖiŋudodo na eƒe agbe me o.
Nenye ɖe ame siwo le aƒenye me la se megblɔ kpɔ be,
‘Ame kae meɖu Hiob ƒe abolo ɖi ƒo kpɔ o?’ la,
anye ne enye nya bubu
elabena mele na amedzro aɖeke be
wòatsi mɔto adɔ o
elabena nye ʋɔtru le ʋuʋu ɖi
ɣe sia ɣi na mɔzɔlawo.
Nenye ɖe meɣla nye nu vɔ̃
abe ale si amewo wɔna ene,
be meɣla nye dzidada ɖe nye dzi me,
elabena mevɔ̃ na ameha la ŋutɔ
eye mevɔ̃ na dukɔ la ƒe vlododo ale gbegbe be,
mezi ɖoɖoe hegbe gododo ɖe gota la,
anye ne enye nya bubu kura.
“O, ɖe ame aɖe le asinye aɖo tom ɖe!
Kpɔ ɖa mede asi ɖokuinyetaʋlinyawo te,
azɔ la, Ŋusẽkatãtɔ la neɖo eŋu nam,
ame si le nunye tsom la hã neŋlɔ
nunyetsonyawo ɖe agbalẽ dzi.
Vavã malée ɖe nye abɔta
eye maɖɔe ɖe ta abe fiakuku ene.
Mana nutsotsoe tso nye afɔɖeɖe ɖe sia ɖe ŋuti
eye mate ɖe eŋu abe fiavi ene.
“Nenye ɖe nye anyigba fa avi ɖe ŋutinye
eye eƒe boliƒowo yɔ kple aɖatsi,
nenye be meɖu eƒe kutsetsewo femaxee
alo mena dɔwɔla siwo le agblea dzi la
ƒe gbɔgbɔ gbã gudugudugudu la,
ekema aŋɔkawo nemie nam ɖe lu teƒe
eye gbe wuwluiwo nemie ɖe ƒo teƒe.”
Esiae nye Hiob ƒe nyawo ƒe nuwuwu.
Elihu ƒe nuƒo
Ale ŋutsu etɔ̃ siawo dzudzɔ nyaŋuɖoɖo na Hiob, elabena enye ame dzɔdzɔe le eya ŋutɔ ŋkume. Tete dzi ku Buzitɔ, Elihu, ame si nye Barakel ƒe vi, tso Ram ƒe ƒomea me vevie ɖe Hiob ŋu le esi wòbu eɖokui dzɔdzɔetɔe wu Mawu la ta. Edo dziku ɖe exɔlɔ̃ etɔ̃awo hã ŋu elabena mɔ aɖeke meli si dzi woato abu fɔ Hiob o, gake wobu fɔe. Azɔ la, Elihu lala be yeaƒo nu na Hiob elabena wotsi wui. Gake esi wòkpɔ be nya aɖeke megale ame etɔ̃awo si o la, Elihu gado dziku ɖe edzi.
Ale Buzitɔ, Barakel ƒe vi Elihu gblɔ be,
“Nyemetsi o, mienye xoxo nam
eya ta mevɔ̃ eye nyemete ŋu
do dzi gblɔ nu si menya la na mi o.
Mebu be, ‘Tsitsi neƒo nu
eye ƒe geɖe nefia nunya.’
Gake gbɔgbɔ si le ame me,
Ŋusẽkatãtɔ la ƒe gbɔgbɔe naa gɔmesesee.
Menye tsitsiawo koe nye nunyalawo o
eye menye amegãxoxowo koe se nu si le dzɔdzɔe la gɔme o.
“Eya ta megblɔ be, Miɖo tom,
nye hã magblɔ nu si menya la na mi.
Menɔ lalam esi mienɔ nu ƒom,
meɖo to se miaƒe nyameɖeɖewo
kple ale si nya vɔ le mia si
eye mienɔ nya si miagblɔ la dim.
Meɖo to mi nyuie
gake mia dometɔ aɖeke mete ŋu
ɖee fia be Hiob dze agɔ o
eye mia dometɔ aɖeke mete ŋu
ɖo eƒe nyahehewo ŋu o.
Migagblɔ be, ‘Míeke ɖe nunya ŋuti o,
Mawu neɖe vodada nɛ, menye amegbetɔ o.’
Gake Hiob metsɔ nya ɖe ŋunye o
eye nyematsɔ miaƒe nyahehewo aɖo nya ŋu nɛ o.
“Woƒe mo wɔ yaa,
nya aɖeke megale wo si woagblɔ o
eye gbɔgblɔ bu ɖe wo.
Ɖe magalala, esi wozi ɖoɖoe
eye azɔ wotsi tsitre ɖe afi ma kpaɖii
nya aɖeke ŋu maɖomaɖoea?
Nye hã magblɔ tɔnye sinua;
nye hã magblɔ nu si menya
elabena nya le asinye fũu,
eye nye gbɔgbɔ le dzinye zim.
Elabena le menye la,
mele abe wain si le goe me wotu nu ɖe enu ene
eye abe wainlãgbalẽgolo si
le klalo na gbagbã ene.
Ele nam be maƒo nu ne makpɔ gbɔdzɔe,
ele nam be make nye nu eye maɖo nya ŋu.
Nyemade ame aɖeke dzi
alo aflu ame aɖeke o
elabena ne mebi le amefuflu me la,
nye Wɔla akplɔm dzoe kpuie.
“Ke azɔ la, Hiob, ɖo to nye nyawo,
eye ƒu to anyi ɖe nu sia nu si magblɔ la ŋu.
Kpɔ ɖa, mele nye nu ke ge
eye nye nyawo le nye aɖe nu.
Nye nyawo tso dzi vavã me
eye nye nu agblɔ nu si menya le anukware me.
Mawu ƒe gbɔgbɔe wɔm,
Ŋusẽkatãtɔ la ƒe gbɔgbɔe de agbe menye,
eya ta ɖo nya ŋu nam, ne àte ŋui,
dzra ɖokuiwò ɖo ne nàhe nya kplim.
Ɖeko mele abe wò ene le Mawu ŋkume,
nye hã anyi mee woɖem tsoe.
Vɔvɔ̃ nam megado dzikatsoƒo na wò
alo nye asi nakpe le dziwò o.
“Gake ègblɔ wòge ɖe nye to me
eye mese nya siwo tututu nègblɔ la be,
‘Medza eye nu vɔ̃ mele ŋutinye o,
ŋutinye kɔ eye mevo tso vodada me.
Ke hã la, Mawu kpɔ vodada le ŋunye,
eye wòbum eƒe futɔe.
Etsɔ nye afɔ de kunyowu me
eye eƒe ŋkuwo le nye mɔwo katã ŋu kplikplikpli.’
“Gake magblɔe na wo be,
le esia me ya, tɔwò medzɔ o,
elabena Mawu lolo wu amegbetɔ.
Nu ka ŋutie nèle nya hem kplii be,
meɖo amegbetɔ ƒe nya aɖeke ŋuti nɛ o?
Elabena Mawu ƒoa nu to mɔ sia alo ekemɛ dzi
togbɔ be amegbetɔ mekpɔe dze sii o hã.
Le drɔ̃e me, le zã me ƒe ŋutega me,
ne amewo dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi
alo wole akɔlɔ̃e dɔm le woƒe abawo dzi la,
ava ƒo nu ɖe to me na wo,
atsɔ kpɔdzidzewo ado ŋɔdzii na wo,
be wòana amegbetɔ natrɔ tso vɔ̃wɔwɔ me
eye wòaɖee tso dada me,
ne wòadzra eƒe luʋɔ ɖo tso yɔdo ƒe asi me
eye eƒe agbe magatsrɔ̃ ɖe yi nu o.
“Alo eƒoa ame le dɔbadzi
kple ƒutomevevesese si nɔa edzi ɖaa,
ale be eya ameti bliboa nyɔa ŋu nuɖuɖu
eye eƒe luʋɔ doa vlo nuɖuɖu vivitɔ gɔ̃ hã.
Eƒe ŋutilã vɔ le eme eye eƒe ƒu siwo ŋu
lã nɔ tehetehe la dze go azɔ.
Eƒe luʋɔ te ɖe yɔdo ŋu kpokploe,
eye eƒe agbe ɖo ku ƒe dɔlawo ƒe asi me.
Ke hã la, ne Mawudɔla le eƒe axadzi abe nyaxɔɖeakɔla ene,
ɖeka le akpe dome,
be wòagblɔ nu si nyo na ame la nɛ,
heve enu, gblɔ nɛ be,
‘Ɖe eƒe agbe be magayi yɔdo me o
elabena mekpɔ avulénu nɛ’ la,
tete eƒe ŋutilã zua yeye abe ɖevi tɔ ene
eye wògaɖoa eƒe nɔnɔme me abe
eƒe ɖekakpuimeŋkekewo me ene.
Edoa gbe ɖa na Mawu
eye wòkpɔa amenuveve tso egbɔ,
ekpɔa Mawu ƒe ŋkume eye wòdoa dzidzɔɣli,
ale Mawu gaɖonɛ te,
be wòanɔ dzɔdzɔenyenye si me wònɔ tsã.
Tete wòvaa amewo gbɔ, gblɔna be,
‘Mewɔ nu vɔ̃ hedo vlo nu si le dzɔdzɔe
gake nyemexɔ tohehe si medze na la o.
Eɖe nye agbe tso yɔdomeyiyi me,
eye manɔ agbe adzɔ dzi le eƒe kekeli me.’
“Mawu wɔa nu siawo katã na ame,
zi eve alo etɔ̃ gɔ̃ hã,
be wòaɖe eƒe luʋɔ tso tsiẽƒe,
be agbe ƒe kekeli naklẽ ɖe edzi.
“Ƒu to anyi, Hiob, ne nàɖo tom,
zi ɖoɖoe, ne maƒo nu.
Ne nya aɖe le asiwò la, ɖo nya ŋu nam,
elabena medi be wòatso na wò.
Gake ne mele eme o la, ekema nàɖo tom,
zi ɖoɖoe ne mafia nunya wò.”
Tete Elihu gblɔ be,
“Mise nye nyawo, mi nunyalawo,
miɖo tom, mi nugɔmeselawo,
elabena to doa nyawo kpɔ
abe ale si aɖe ɖɔa nuɖuɖu kpɔe ene.
Mina míadze si nu si le dzɔdzɔe la na mía ɖokui
eye mina míasrɔ̃ nu si nyo la ɖekae.
“Hiob gblɔ be, ‘Nyemeɖi fɔ o
gake Mawu gbe afiatsotso nam
Togbɔ be tɔnye dzɔ hã la, wobum alakpatɔe,
togbɔ be nyemeɖi fɔ o hã la,
eƒe aŋutrɔ de abi makumaku ŋutinye’
Ame kae le abe Hiob,
ame si no fewuɖuɖu abe tsi ene?
Edea ha kple nu vɔ̃ɖi wɔlawo
eye wòbɔa ha kple ame vɔ̃ɖiwo.
Elabena egblɔ be,
‘Viɖe aɖeke mele eme ne èdze agbagba be
yeadze Mawu ŋu o.’
“Eya ta miɖo tom, mi ŋutsu nugɔmeselawo.
Nete ɖa xaa tso Mawu gbɔ, be wòawɔ nu vɔ̃ɖi
kple Ŋusẽkatãtɔ la, be wòawɔ nu gbegblẽ.
Ewɔna na ame ɖe nu si wòwɔ la nu
eye wòhea nu si eƒe nuwɔnawo dze na la vaa edzii.
Mele be wòava ame ƒe ta me gɔ̃ hã be
Mawu awɔ nu gbegblẽ
alo be Ŋusẽkatãtɔ la atso afia ŋkunɔ o.
Ame kae tsɔe ɖo anyigbadzikpɔlae?
Ame kae tsɔe ɖo xexea me katã nu?
Ne enye eƒe tameɖoɖo
eye wòɖo asi eƒe gbɔgbɔ
kple agbegbɔgbɔ dzi la,
amegbetɔwo katã atsrɔ̃
eye ame atrɔ azu anyi.
“Ne gɔmesese le asiwò la, se nya sia,
lé to ɖe nu si gblɔ ge mele la ŋuti.
Ɖe ame si tsri afia nyui tsotso la ate ŋu akplɔ dua?
Ɖe nàbu fɔ dzɔdzɔetɔ kple Ŋusẽtɔ la?
Ɖe menye Eyae nye ame si gblɔ na fiawo be,
‘Mienyo na naneke o’
eye na bubumewo be,
‘Ame vɔ̃ɖiwo mienye’ oa,
ame si medea amegãwo dzi o
eye mewɔa nyui na kesinɔtɔwo,
gblẽa ame dahewo ɖi o,
elabena wo katã nye eƒe asinudɔwɔwɔwo oa?
Wokuna kpata le zãtitina,
ameawo ʋuʋuna eye wo nu va yina
ale woɖea kalẽtɔwo ɖa amegbetɔ ƒe asi manɔmee.
“Eƒe ŋkuwo le amegbetɔwo ƒe mɔwo ŋu,
ekpɔa woƒe afɔɖeɖe ɖe sia ɖe.
Teƒe doblukɔ alo teƒe doviviti tsiɖitsiɖitsiɖi aɖeke meli
si nu tovo wɔlawo asi abe ɖo o.
Mehiã be Mawu nado amegbetɔwo kpɔ ayi ŋgɔ
alo woava eŋkume wòadrɔ̃ ʋɔnu wo o.
Mekua nya gɔme hafi kakaa ŋusẽtɔwo,
eye wòtsɔa ame bubuwo ɖoa wo teƒe o.
Elabena eƒe ŋku le woƒe nuwɔnawo ŋu
eya ta etua asi wo ƒua anyi le zã me,
eye wogbãna gudugudugudu.
Ehea to na wo ɖe woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ta,
le afi si ame sia ame ate ŋu akpɔ wo le
elabena wotrɔ le eyome
eye womegatsɔ ɖeke le eme na eƒe mɔ aɖeke o.
Wona ame dahewo ƒe konyifafa va eŋkume,
ale be wòse hiãtɔwo ƒe ɣlidodo
Ke ne ezi ɖoɖoe kpoo la, ame ka abu fɔe?
Ne eɣla eƒe mo la, ame ka ate ŋu akpɔe?
Ke hã la, ele amewo kple dukɔwo tame sɔsɔe,
be maɖe mɔ na Mawumavɔ̃la wòaɖu fia o
eye be maɖe mɔ nɛ wòaɖo mɔ na ameawo o.
“Tsɔe be ame aɖe gblɔ na Mawu be,
‘Medze agɔ gake nyemagawɔe azɔ o.
Fia nu si nyemate ŋu akpɔ o lam,
ne mewɔ nu gbegblẽ la, nyemagawɔe azɔ o.’
Ɖe Mawu aɖo eteƒe na wò le wò didi nu,
esi nègbe be yematrɔ dzi me oa?
Wòe wòle be nàɖo eŋu, menye nyee o
eya ta gblɔ nu si nènya la nam.
“Nugɔmeselawo gblɔe eye nunyala
siwo se nye nyawo la gblɔ nam be,
‘Hiob ƒoa nu nugɔmemasemasetɔe
eye susu mele eƒe nyawo me o.’
O, ɖe woado Hiob akpɔ va se ɖe nuwuwu,
be wòɖo nya ŋu abe ame vɔ̃ɖi ene la, ne anyo ŋutɔ!
Etsɔ aglãdzedze kpe ɖe eƒe nu vɔ̃ ŋuti,
esia akpe fewuɖutɔe le mía dome
eye wòle nyawo gblɔm fũu ɖe Mawu ŋu.”
Tete Elihu yi eƒe nuƒoa dzi be,
“Èsusu be esia le dzɔdzɔea?
Ègblɔ be, ‘Mawu atso afia nam’
gake nèhele ebiam be,
‘Viɖe ka wònye nam eye nu ka makpɔ
le eme ne nyemewɔ nu vɔ̃ o?’
“Medi be maɖo eŋu na wò
kple xɔ̃wò siwo le gbɔwò.
Wu mo dzi nàkpɔ dziƒo ɖa,
le ŋku ɖe lilikpo siwo le dziƒo boo le tawòme
Ne èwɔ nu vɔ̃ la, nu ka wòawɔ le eŋu?
Ne wò nu vɔ̃wo sɔ gbɔ fũu la,
nu ka wòagblẽ le eŋu?
Ne ènye dzɔdzɔetɔ la, nu kae nètsɔ nɛ,
alo nu kae wòxɔ tso asiwò me?
Ame abe wò ene ko dzie wò vɔ̃ɖivɔ̃ɖi awɔ dɔ ɖo
eye amegbetɔviwo ko dzie wò
dzɔdzɔenyenye awɔ dɔ ɖo.
“Amewo le ɣli dom le teteɖeanyi
ƒe agba kpekpewo te,
wole kuku ɖem be woana gbɔdzɔe yewo tso
Ŋusẽtɔ la ƒe alɔ sesẽ te
gake ɖeke mebia be, ‘Afi ka Mawu,
nye Wɔla, ame si nana kafuhawo ɖina le zã me,
ame si fiaa nu geɖewo mí,
wu gbemelã siwo le anyigba dzi
eye wòwɔ mí nunyalawoe wu dziƒoxeviwo la le?’
Ne amewo le ɣli dom nɛ la, metɔna o,
le ame vɔ̃ɖiwo ƒe ɖokuiŋudzedze ta.
Vavã, Mawu meɖo to woƒe kokoƒoƒo gbɔlo la o
eye Ŋusẽkatãtɔ la do toku wo.
Ne meɖo to emawo o la,
aleke wòaɖo to esia ya boŋ esi nègblɔ be,
mele ekpɔm o, wò nya la le eƒe asi me,
eye ele be nàlalae.
Gawu la, egblɔ be eƒe dziku mehea to na ame gbeɖe o
eye menyea kɔ kpɔa vɔ̃ɖivɔ̃ɖi gɔ̃ hã o.
Ale Hiob ke eƒe nu hegblɔ nya dzodzrowo
eye wòlɔ nya siwo me gɔmesese aɖeke mele o
la kɔ ɖi gleglegle.”
Elihu yi edzi be,
“Kpɔ nye asinu vie eye maɖee afia wò
be nya geɖewo li magblɔ ɖe Mawu nu.
Mexɔa nye gɔmesese tso afi aɖeke ɖaa,
eya ta matso na nye Wɔla.
Kakaɖedzi nenɔ asiwò be,
nye nyawo menye aʋatso o
eya ta ame si si gɔmesese deto le lae le gbɔwò.
“Mawu nye Ŋusẽtɔ,
etri akɔ eye meʋãna le eƒe taɖodzinu me o
gake medoa vlo amewo o.
Menana ame vɔ̃ɖiwo nɔa agbe o,
ke boŋ ekpɔa hiãtɔwo ƒe hiahiãwo gbɔ na wo.
Meɖea eƒe ŋku ɖa le ame dzɔdzɔewo ŋu o,
eɖoa wo zi dzi ɖe fiawo xa
eye wòdoa wo ɖe dzi tegbetegbe.
Ke ne wode ga amewo,
hebla wo sesĩe kple hiã ƒe kawo la,
egblɔa nu si wowɔ la na wo,
esi nye be wowɔ nu vɔ̃ dadatɔe.
Enana woɖoa to ɖɔɖɔɖo eye wòɖea gbe na wo be
woatrɔ le woƒe nu vɔ̃ɖi la me.
Ne woɖo to eye wosubɔe la,
woanɔ woƒe agbemeŋkeke mamlɛawo le nukpɔkpɔ me
eye woƒe ƒewo ayɔ fũu kple dzidzeme.
Ke ne womeɖo to o la,
yi atsrɔ̃ wo eye woaku numanyamanyae.
“Fuléle le dzi me na Mawumavɔ̃lawo,
ne ede kunyowu woƒe afɔwo hã la,
womedoa ɣli be woaxɔ na yewo o.
Wokuna le woƒe ɖekakpui dzodzoe me,
ɖe ŋutsu gbolowɔla siwo nɔa trɔ̃xɔwo me la dome.
Ke eɖea ame siwo le fu kpem la
le woƒe fukpekpewo me
eye wòƒoa nu na wo le woƒe xaxa me.
“Ele nuwò blem be nàdo go tso xaxa ƒe glã me,
ava teƒe keke, ahavo tso dzizizi me
eye nànɔ wò kplɔ̃ si dzi nuɖuɖu damiwo
le fũu la ŋu le dziɖeɖi me.
Ke azɔ la, wotsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ si dze na
ame vɔ̃ɖiwo la do agbae na wò,
ale nège ɖe afiatsotso
kple tohehe ƒe asi me.
Kpɔ nyuie be ame aɖeke metsɔ kesinɔnuwo ble nuwòe o
eye zãnu si le kpekpem segee la nana nàdze ɖe aga o.
Ɖe wò kesinɔnuwo alo wò kutrikuku veviwo katã
alé wò ɖe asi be màɖo xaxa me oa?
Wò dzi megatsi dzi ɖe zã ƒe dodo ŋu ne nàhe
amewo ado goe le woƒe aƒewo me o.
Kpɔ nyuie be mètrɔ ɖe nu vɔ̃ɖi,
si nèdi wu hiã la ŋu o.
“Kpɔ ɖa, wodo Mawu ɖe dzi bobobo le eƒe ŋusẽ me.
Ame kae nye nufiala abe eya ene?
Ame kae tia mɔ siwo wòato la nɛ alo gblɔ nɛ be,
‘Èwɔ nu gbegblẽ?’
Ɖo ŋku edzi, nàdo eƒe dɔwɔwɔwo ɖe dzi,
siwo amewo kafuna le woƒe hadzidziwo me.
Amegbetɔwo katã kpɔe
eye agbagbeawo ɖea ŋku ɖee tso adzɔge.
Mawu lolo loo, ekɔ gbɔ míaƒe gɔmesese ta!
Eƒe ƒewo ƒe gɔmedidi gbɔ míaƒe nudidi ƒe ŋutete ta.
“Ehea tsi si le gegem toŋtoŋtoŋ la ƒoa ƒu,
si dzana abe tsi ene ɖe tɔʋuwo me,
lilikpowo hã lolõa tsi si le wo me,
eye tsi dzana bababa ɖe amegbetɔwo dzi.
Ame kae ase ale si wòkeke lilikpowo,
kple ale si wòɖea gbe tso eƒe agbadɔ me la gɔme?
Kpɔ ale si wòkaka eƒe dzikedzo ƒo xlã eɖokui
eye wòblu atsiaƒu ƒe gogloƒewo ke hã ɖa.
Aleae wòkplɔa dukɔwoe eye wònaa nuɖuɖu
wo le agbɔsɔsɔ me.
Etsɔa dzikedzo yɔa eƒe asiwo mee
eye wòdɔnɛ be wòake dzo ɖe nu si wòɖoe na la dzi.
Eƒe dziɖegbe ɖea gbeƒã ahom si gbɔna,
nyiwo gɔ̃ hã ɖea gbeƒã, ne egbɔna.
“Esia na nye dzi lã kpo eye wòti kpo le enɔƒe.
O ɖo to! Ɖo to eƒe gbe ƒe gbeɖeɖe
kple bublu si le dodom tso eƒe nu me.
Eɖe asi le eƒe dzokeke ŋu ɖe yame katã
eye wòɖoe ɖe anyigba ƒe mlɔenu ke hã
Eƒe gbeɖeɖe kplɔa esia ɖo,
ebluna kple eƒe ŋutikɔkɔe ƒe gbe.
Ne eƒe gbe ɖi la, meléa naneke ɖi o.
Mawu ƒe gbe bluna le nukumɔwo dzi,
ewɔa nu dzɔtsu siwo kɔ wu míaƒe gɔmesese.
Egblɔna na tsikpe be,
‘Dza ɖe anyigba dzi’
eye na tsi be,
‘Nye tsi gã aɖe nàdza.’
Ale be amegbetɔ siwo katã wòwɔ la nanya eƒe dɔwɔwɔ,
eye wòɖoa asi ame sia ame ƒe dɔ dzi.
Gbemelãwo sina bena
eye wonɔa woƒe dowo me.
Ahom tsoa eƒe xɔa me vana
eye ya sesẽwo hea vuvɔ vɛ.
Mawu ƒe gbɔgbɔ hea fafa gã aɖe vɛ
eye tsi gbanawo dzi zua tsikpe.
Enyɔa tsi ɖe lilikpowo me,
ekakaa eƒe dzikedzo to wo me.
Le eƒe mɔfiafia nu wotrɔa trɔgodoe le anyigba la katã ŋkume,
be woawɔ nu sia nu si ƒe se wòde na wo.
Ehea lilikpowo vɛ be woahe to na amewo
alo be woade tsi anyigba,
ne wòaɖe eƒe lɔlɔ̃ afia ameawo.
“Hiob, ɖo to nàse nu sia,
zi ɖoɖoe eye nàbu Mawu ƒe nukunuwo ŋu.
Ènya ale si Mawu léa lilikpowo ɖe asii,
eye wònana dzi kea dzoa?
Ènya ale si lilikpowo wɔ hafi le yamea,
ènya nukunu siwo nye ame si de blibo
le gɔmesese me la tɔa?
Wò ame si le fifia tem le wò awuwo me,
ne dzieheya xɔdzo nya ƒo to anyigba dzi ko,
àte ŋu akpe ɖe eŋu le dziŋgɔli ƒe keke ɖe yame me,
nu si sesẽ abe ahuhɔ̃e si wowɔ kple akɔbli enea?
“Gblɔ nu si míagblɔ nɛ la na mí,
míate ŋu ahe míaƒe nya ayi egbɔe o
elabena míawo míele viviti me.
Wonegblɔ nɛ be medi be maƒo nua?
Ɖe ame aɖe abia be wonemi ye agbagbea?
Azɔ la, ame aɖeke mate ŋu akpɔ ɣe o
elabena ele keklẽm le dziƒo ŋutɔ,
esi yaƒoƒo na eƒe mo kɔ nyuie.
Edo tso anyiehe kple sikatsyɔ̃ɖoɖo.
Mawu ɖiɖi va le ŋɔdzi ƒe ŋutikɔkɔe me.
Ame aɖeke matu Ŋusẽkatãtɔ la o
elabena togbɔ be eƒe ŋusẽ de dzi bobobo,
le eƒe afiatsotso kple dzɔdzɔenyenye gã la me hã la,
metea ame aɖeke ɖe anyi o.
Eya ta amewo dea bubu eŋu
elabena ɖe medea bubu ame siwo katã
ƒe dzi me nunya le la ŋu oa?”
Yehowa ƒo nu
Tete Yehowa ɖo nyawo ŋu na Hiob to ahom me be,
“Ame ka nye esi tsɔ viviti tsyɔ nye aɖaŋudede dzi
kple nya siwo gɔmesese meli na la o?
Tso nàbla ali dzi abe ŋutsu ene,
mabia nya wò, nàɖo eŋu nam.
“Afi ka nènɔ esi meɖo anyigba ƒe gɔmeɖokpewo anyi?
Gblɔe nam, ne èse egɔme.
Ame kae dzidze eƒe kekeme kple didime?
Ànyae godoo! Ame kae tsɔ dzidzeka ɖo eŋu?
Nu ka dzi woɖo egɔme anyi ɖo?
Alo ame kae ɖo eƒe dzogoedzikpe
esi ŋukeɣletiviwo le ha dzim ɖekae
eye Mawudɔlawo katã do dzidzɔɣli?
“Ame kae do ʋɔ ɖe atsiaƒu nu
esi wòdo go kpoyi tso dadaa ƒe dɔ me
esi metsɔ lilikpo wɔ eƒe awudodoe heblae ɖe
viviti tsiɖitsiɖitsiɖi me,
esi meɖo seɖoƒe nɛ,
hede ʋɔtru kple gametiwo enu,
esi megblɔ be, ‘Afii ko nàse,
mèkpɔ mɔ ato liƒo sia dzi o,
afi sia ko wò dada kple ɖokuidodoɖedzi ase?’
“Èɖe gbe na ŋdi kpɔ tso
esi wò ŋkekewo dze egɔme
alo na fɔŋli nya eƒe nɔƒe,
be wòalé anyigba ƒe toga,
ahaʋuʋu ame vɔ̃ɖiwo ɖa le edzia?
Anyigba trɔ eƒe nɔnɔme abe anyi le nutrenu te ene,
eye eƒe nɔnɔme le abe avɔ tɔ ene.
Woxɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe kekeli le wo si
eye woŋe woƒe abɔ si wodo ɖe dzi.
“Èzɔ mɔ yi ɖe atsiaƒu ƒe vudo me
alo zɔ le gogloƒe ƒe nudiƒewo kpɔa?
Wofia ku ƒe agbowo wò kpɔa?
Èkpɔ ku ƒe vɔvɔli ƒe agbowo kpɔa?
Èse anyigba ƒe kekeme gɔmea?
Gblɔe nam, ne ènya esiawo katã.
“Afi ka mɔ si yi kekeli ƒe nɔƒe la to?
Eye afi kae nye viviti nɔƒe?
Àte ŋu akplɔ wo ayi wo nɔƒewoea?
Ènya toƒe si yi ɖe wo nɔƒea?
Meka ɖe edzi be ènyae
elabena wodzi wò ye ma ɣi xoxo!
Ƒe geɖewoe nye esia esi nèle agbe!
“Ège ɖe sno ƒe nudzraɖoƒe
alo kpɔ kpetsi ƒe nudzraɖoƒe,
esi meɖo ɖi na xaxaɣi,
aʋaŋkekewo kple aʋakpegbe la kpɔa?
Afi ka mɔ si wotona yia teƒe
si dzikedzo kakana le
alo teƒe si wokakaa ɣedzeƒeya le ɖe
anyigba blibo la dzi la to?
Ame kae ɖo toƒe na tsi gã siwo dzana
kple mɔ na ahom sesẽwo,
be woade tsi anyigba si dzi ame mele o
kple gbegbe si ame menɔ o,
be wòaɖi kɔ na kuɖiɖinyigba gbɔlo
eye wòamie gbe fɛ̃wo?
Fofo le tsidzadza sia?
Ame kae nye tɔ na ahũdzadza?
Ame ka ƒe dɔ mee tsikpe do tso?
Ame kae dzi zãmu si dzana tso dziƒo,
esi tsiwo do kpe abe ahlihã ene
eye gogloƒewo tame zu tsikpe?
“Àte ŋu abla Atifieŋu siwo le keklẽma?
Àte ŋu atu Avutɔ ƒe kawoa?
Àte ŋu akplɔ ŋukeɣletiviwo ado goe ne woƒe dodoɣi ɖo
alo akplɔ koklonɔ kple viawoa?
Ènya dziƒo ƒe sewoa?
Àte ŋu aɖo Mawu ƒe fiaɖuɖu anyi ɖe anyigba dzia?
“Àte ŋu akɔ gbe dzi ado ɣli na lilikpowo,
eye nàtsɔ tsiɖɔɖɔ atsyɔ ɖokuiwò dzia?
Wòe ɖo dzikedzo ɖe eƒe mɔ dzia?
Ɖe wova gblɔna na wò be,
‘Míawoe nye esi’ mahã?
Ame kae tsɔ nunya na dzi
alo gɔmesese na susu?
Ame ka sie nunya le be wòaxlẽ lilikpowo?
Ame kae ate ŋu aviã tsizɔ siwo le dziƒo,
ne anyigba do kpe eye anyikɔ
siwo le anyigba la lé ɖe wo nɔewo ŋu?
“Wòe daa ade na dzatanɔ
eye nèdia nuɖuɖu na dzatawo, ne dɔ le wo wum
eye womlɔ woƒe dowo me
alo le adeklo dzi le ave mea?
Ame kae dia nuɖuɖu na akpaviãwo,
ne viawo le xɔxlɔ̃m na Mawu
eye wole tsatsam le nuɖuɖu makpɔmakpɔ ta?
“Ènya ɣeyiɣi si todzigbɔ̃wo dzia via?
Ènɔa eteƒe hafi zinɔ fɔa fua?
Èxlẽa ɣletiwo va se ɖe woƒe vidziɣia?
Ènya ɣeyiɣi si wodzia via?
Wodzea klo hedzia vi
eye woƒe kuléle wua nu.
Wo viwo tsina eye ŋusẽ ɖoa wo ŋu le gbe me,
ale wodzona eye womegagbɔna vaa wo dadaa gbɔ o.
“Ame kae na ablɔɖe gbetedzi?
Ame kae tu kae?
Metsɔ gbegbe nɛ be wòanye eƒe aƒe
kple dzeƒi gbadza la nɛ be wòanye enɔƒe.
Hoowɔwɔ si le edzi yim le dua me la
le kokoe ɖim nɛ eye mele tasiaɖamkula ƒe ɣlidodo sem o.
Etsana le togbɛwo dzi dia gbeɖuƒe
eye wòtsaa ŋu na gbe mumu ɖe sia ɖe.
“Ɖe to si le gbe me la alɔ̃ asubɔ wòa?
Atɔ ɖe wò gbeɖuƒe le zã mea?
Àte ŋu ade kae ɖe agbleŋlɔnu ŋua?
Alɔ̃ anɔ yowòme aŋlɔ balimea?
Ɖe nàɖo ŋu ɖe eŋu le eƒe ŋusẽ gã la ta?
Àtsɔ wò dɔ kpekpewo agble ɖe eƒe asi mea?
Àte ŋu aɖo dzi ɖe eŋu be atsɔ wò lu agbɔe na wò dedie
eye wòaƒoe ƒu ɖe wò lugbɔƒea?
“Golo ƒoa eƒe aʋala kpakpakpa dzidzɔtɔe
gake womate ŋu atsɔe asɔ
kple damixe ƒe fu kple aʋalã o.
Eɖaa eƒe azi ɖe anyigba,
enana ke xɔdzo dea dzo eme
eye metsɔ ɖeke le eme be,
ame aɖe ate ŋu aɖo afɔ edzi, agbãe loo,
alo lã wɔadã aɖe agbãe o.
Esẽa ŋuta le viawo ŋu abe menye eyae dzi wo o
ene eye metsɔa ɖeke le eme ne
eƒe agbagbadzedze zu dɔ vlo o.
Elabena Mawu mena nunyae
alo na susu nyuie o.
Ke hã la, ne ekeke aʋala me, hedze duƒuƒu gɔme la,
sɔ kple sɔdola ƒe nu ɖia kokoe nɛ.
“Wòe na ŋusẽ sɔ
alo wòe tsɔ kɔdza de kɔ nɛa?
Wòe na wòtia kpo abe ʋetsuvi ene
eye wòdoa ŋɔdzi kple eƒe ŋɔtimegbɔgbɔa?
Etsɔa eƒe afɔkli kaa nu ŋɔdzitɔe,
ekpɔa dzidzɔ ɖe eƒe ŋusẽ ŋu
eye wòlũna ɖe aʋakɔ dzi.
Vɔvɔ̃ doa nukokoe nɛ eye mevɔ̃a naneke o,
yi gɔ̃ hã medoa ŋɔdzi nɛ o.
Aŋutrɔwo le wo nɔewo lɔm le eƒe axadzi,
nenema kee nye akplɔ siwo le dzo dam kple yi.
Ele anyigba ɖum esi wògli kple dzidzɔ manyagblɔ,
mate ŋu anɔ te va se ɖe esime kpẽ naɖi o.
Edo ɣli be, ‘Aha!’ ne kpẽa ɖi.
Esea aʋa ƒe ʋeʋẽ le adzɔge ke
kple aʋakplɔlawo ƒe gbeɖeɖe kple aʋaɣli.
“Ɖe aʋako dzona yia dzi ʋĩi le wò nunya nu
eye wòkekea eƒe aʋalã heɖoa ta dziehea?
Ɖe hɔ̃ dzona yia dzi ʋĩi le wò gbeɖeɖe nu
eye wòwɔa eƒe atɔ ɖe kɔkɔƒea?
Enɔa togbɛ kɔkɔ dzi eye wòtsia afi ma le zã me,
agakpe tsakli tomee nye eƒe bebeƒe.
Afi ma wòdia eƒe nuɖuɖu tsonae
eye eƒe ŋku kpɔnɛ le adzɔge ke.
Ʋu nye nuɖuɖu na viawo
eye afi si aʋatsilawo le la,
afi ma wònɔna.”
Yehowa gblɔ na Hiob be,
“Ɖe ame si le nya hem kple Ŋusẽkatãtɔ la aɖɔe ɖoa?
Ame si tsɔ nya ɖe Mawu ŋu la neɖo eŋu nɛ!”
Tete Hiob ɖo eŋu na Yehowa be,
“Aleke nye ame si medze o
la maɖo nya ŋu na wòe?
Metsɔ nye asi ɖo nye nu.
Meƒo nu zi ɖeka
gake nyemekpɔ ŋuɖoɖo o;
meƒo nu zi evelia
eya ta nyemagaƒo nu o.”
Tete Yehowa ƒo nu na Hiob tso ahom me be,
“Bla ali dzi abe ŋutsu ene,
mabia nya wò eye nàɖo eŋu nam.
“Ɖe nàdo vlo nye afiatsotsoa?
Ɖe nàbu fɔm, atso na ɖokuiwòa?
Ɖe wò abɔ le abe Mawu tɔ ene
eye wò gbe ate ŋu ablu abe etɔ enea?
Ekema tsɔ ŋutikɔkɔe kple atsyɔ̃ ɖɔ na ɖokuiwò
eye nàtsɔ bubu kple gãnyenye ado na ɖokuiwò.
Trɔ wò dɔmedzoe ƒe nuwɔwɔ kɔ ɖi bababa,
nye kɔ kpɔ dadala ɖe sia ɖe eye nàhee aƒu anyi.
Nye kɔ kpɔ dadala ɖe sia ɖe ne nàbɔbɔe ɖe anyi
eye nàgbã ame vɔ̃ɖiwo ɖe afi si wole.
Ɖi wo katã ɖe ke me
eye nàɣla woƒe mo ɖe yɔdo me.
Ekema nye ŋutɔ maʋu eme na wò be,
wò ŋutɔ wò ɖusibɔ axɔ na wò.
“Kpɔ atiglinyi si mewɔ kpe ɖe ŋutiwò la ɖa,
eɖua gbe abe nyi ene.
Eƒe ŋusẽ le alime nɛ eye ŋusẽ kae nya gã si le
eƒe ƒodo ƒe lãmekawo me!
Eƒe asike le nyenyem abe sedati ene,
eƒe atagbomekawo ge ɖe wo nɔewo me.
Eƒe ƒuwo le abe akɔbliga si me do le la ene
eye eƒe afɔtiwo le abe gakpo ene.
Eyae nye gbãtɔ le Mawu ƒe nuwɔwɔwo dome
gake Ewɔla ate ŋu azɔ ɖe edzi kple yi.
Togbɛwo tsɔa woƒe kutsetsewo vɛ nɛ
eye gbemelãwo katã fena le egbɔ.
Emlɔa anyi ɖe ati dama te
eye wòɣlaa eɖokui ɖe aƒla siwo le sime la me.
Atiawo doa vɔvɔli ɖe edzi heɣlanɛ
eye keti siwo le tɔʋuwo to la ƒoa xlãe.
Ne tɔwo dze agbo la, dzika metsoa eƒo o
eye togbɔ be Yɔdan tɔsisi le ƒoƒom ɖe eƒe nu dzi hã la,
eɖea dzi ɖi bɔkɔɔ.
Ɖe ame aɖe ate ŋu alée
kple eƒe ŋku alo aɖo mɔ nɛ,
ahaŋɔ eƒe ŋɔtia?
“Àte ŋu atsɔ ƒu aɖe lo le tɔ me
alo atsɔ ka abla eƒe aɖe ɖe nu me nɛa?
Àte ŋu ade ka ŋɔti me nɛ alo atsɔ ƒu aŋɔ eƒe glã?
Anɔ kukuɖeɖe na wò dzi ɖaa be nàkpɔ nublanui nɛa?
Aƒo nu na wò kple gbe blewua?
Awɔ ɖoɖo kpli wò be nàkplɔe wòanye
wò kluvi le eƒe agbe me katã?
Àte ŋu amlae abe xevi ene alo atsɔe ada ɖe
avɔ dzi na viwò nyɔnuviwoa?
Ɖe asitsalawo atsɔ woƒe adzɔnuwo aɖɔliia?
Ɖe woamae ɖe asitsalawo domea?
Àte ŋu atsɔ gaƒliwo aŋɔ eƒe ŋutigbalẽ
alo atsɔ akplɔ atɔ eƒe ta?
Ne èka asi eŋuti la, àɖo ŋku avuwɔwɔ si yi edzi la dzi
eye madzro wò be nàgawɔe o!
Mɔkpɔkpɔ be yeate ŋu aɖu edzi nye beble
elabena ne èkpɔe teti gɔ̃ hã la, ŋɔ adzi wò.
Ame aɖeke medzi ŋɔ de enu ne wòanyɔe o.
Ekema ame kae ate ŋu anɔ te ɖe nunye?
Ame kae tre nu nanam bena maɖo eteƒe nɛ mahã?
Nu sia nu si le ɣea te la nye tɔnye.
“Nyemagbe nuƒoƒo le eƒe ata, abɔ,
eƒe ŋusẽ kple eƒe nɔnɔme dzeani la ŋu o.
Ame ka ate ŋu aɖe awu si wòdo ɖe edzi la le eŋu?
Ame ka ate ŋu ado ɖe egbɔ kple gaƒli?
Ame ka ate ŋu ake eƒe nu,
nu si me aɖuwo katã kpe ɖe wo nɔewo nu le kple vɔvɔ̃?
Akpoxɔnuwo ɖo ɖe eƒe dzimegbe
eye woɖo ɖe wo nɔewo nu,
ɖe sia ɖe lé ɖe nɔvia ŋu ale gbegbe be,
ya gɔ̃ hã mate ŋu ato wo dome o.
Wolé ɖe wo nɔewo ŋu sesĩe,
woku ɖe wo nɔewo ŋu ale gbegbe be,
womate ŋu ama wo dome o.
Eƒe nyenye kea dzo miamiamia
eye eƒe ŋkuwo le abe ŋdi ƒe kekeli ene.
Dzoxiwo dona tso eƒe nu me,
eye nenema kee nye dzo ƒe aɖewo hã.
Dzudzɔ dona le eƒe ŋɔtime abe ale si tsize si
woɖo aƒladzo dzi la fiena tua dzudzɔe ene.
Eƒe gbɔgbɔ dea dzo aka me
eye dzo bibi dona tso eƒe nu me.
Ŋusẽ le eƒe kɔ me eye dɔmedzoe le eŋgɔ.
Eƒe ayi mlɔ wo nɔewo dzi
eye wolé ɖe wo nɔewo ŋu sesĩe,
ale be womate ŋu afoe ɖa o.
Eƒe akɔta do akpa abe kpe ene
eye wòsẽ abe te si dzi wotua nu le la ene.
Ne etso la, ŋɔ dzia ŋusẽtɔwo gɔ̃ hã
eye wogbugbɔna ɖe megbe ne
wose eƒe afɔzi wògbɔna.
Yi si kaa eŋu la mewɔa nanekee o,
nenema kee nye akplɔ,
aŋutrɔ kple akplɔ nuɖekɛ.
Gayibɔ le nɛ abe gbe ƒuƒu ene
eye akɔbli le abe ati si nyunyɔ la ene.
Mesina le aŋutrɔwo nu o
eye akafokpewo le nɛ abe blitsro ene.
Kpo le nɛ abe gbe ƒuƒu ene
eye ne yi le gbe dom la, eɖia kokoe nɛ.
Eƒe dɔme le abe ze gbagbã dzaglidzagliwo ene
eye woɖea fli ɖe ba me abe luƒomɔ ene.
Enana gogloƒewo fiena wlɔwlɔwlɔ abe aŋɔɖaze ene
eye wòblua atsiaƒu me abe
amiɖaze me blum wole ene.
Egblẽa mɔ si le dzo dzam la ɖe emegbe
eye wòtrɔa atsiaƒu wòzua futukpɔ ɣi,
ale nàbu be atsiaƒua ɖe wòƒo wɔ ene.
Naneke mele anyigba dzi sɔ kplii o,
enye nuwɔwɔ si mevɔ̃a naneke o.
Eklẽa ŋku ɖe nu siwo katã doa wo ɖokui ɖe dzi
eye wònye fia ɖe nu siwo katã dana la dzi.”
Hiob ƒe nuƒo
Tete Hiob ɖo eŋu na Yehowa be:
“Azɔ menya be àte ŋu awɔ nu sia nu,
ame aɖeke mate ŋu agblẽ wò ɖoɖowo me o.
Èbia be, ‘Ame kae nye
esi tsyɔ nu nye aɖaŋudede dzi numanyamanyatɔe?’
Nyateƒee, meƒo nu le nu siwo nyemenya o la ŋuti,
nu siwo goglo akpa na nye nyanya.
“Ègblɔ be, ‘Ɖo to azɔ, ne maƒo nu,
ne mabia gbe wò, ne nàɖo eŋu nam.’
Nye towo se nya le ŋuwò,
ke azɔ la, nye ŋkuwo kpɔ wò
eya ta nu siwo katã megblɔ la kpe ŋu nam
eye megbe wo le ke kple afi me.”
Nuwunyawo
Esi Yehowa gblɔ nya siawo na Hiob vɔ la, egblɔ na Temanitɔ, Elifaz be, “Medo dɔmedzoe ɖe mia kple xɔ̃wò eveawo ŋu elabena miegblɔ nu si le eteƒe la tso ŋutinye abe nye dɔla Hiob ene o eya ta azɔ mitsɔ nyitsu adre kple agbo adre, ne miayi ɖe nye dɔla Hiob gbɔ eye miasa numevɔ na mia ɖokuiwo. Nye dɔla Hiob ado gbe ɖa ɖe mia ta, mase eƒe gbedodoɖa eye nyemaɖo miaƒe bometsinuwo teƒe na mi o elabena mieƒo nu nyui tso ŋutinye abe nye dɔla Hiob ene o.” Ale Temanitɔ, Elifaz, Suhitɔ, Bildad kple Naamatitɔ, Zofar wɔ abe ale si Yehowa de see na wo ene eye Yehowa xɔ Hiob ƒe gbe si wòdo ɖa ɖe wo ta.
Esi Hiob do gbe ɖa ɖe exɔlɔ̃awo ta vɔ la, Yehowa gawɔe kesinɔtɔe abe tsã ene eye wòdzi eƒe kesinɔnuwo ɖe edzi nɛ zi eve wu tsã. Nɔviŋutsuwo kple nɔvia nyɔnuwo katã kple eƒe ame nyanyɛwo katã va egbɔ eye woɖu nu kplii le eƒe aƒe me. Wofa akɔ nɛ, hede dzi ƒo nɛ ɖe dzɔgbevɔ̃e siwo Yehowa he va edzii la ta eye wo dometɔ ɖe sia ɖe na klosaloga kple sikasigɛe.
Yehowa yra Hiob fifia wu tsã. Alẽ akpe wuiene (14,000), kposɔ akpe ade (6,000), agbleŋlɔnyi eve, eve teƒe akpe ɖeka (1,000) kple tedzi akpe ɖeka (1,000) nɔ esi. Viŋutsu adre kple vinyɔnu etɔ̃ hã nɔ esi. Ena ŋkɔ nyɔnuvi gbãtɔ be, Yemima, evelia be, Kezia eye etɔ̃lia be Keren Hapuk. Womegakpɔ nyɔnu aɖeke le anyigba blibo la dzi wòdze tugbe de Hiob ƒe vinyɔnuwo nu o. Wo fofo na domenyinu wo ɖe wo nɔviŋutsuwo xa.
Le esia megbe la, Hiob nɔ agbe ƒe alafa ɖeka kple blaene (140) eye wòkpɔ viawo kple woƒe viwo ƒe dzidzime ene sɔŋ. Ale Hiob tsi, nɔ agbe wòde edeƒe hafi ku.