- Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020
Yeremia
Yeremia ƒe agbalẽ
Yeremia
Yer
Yeremia
ƒe agbalẽ
Nyagblɔɖila Yeremia ƒe agbalẽ
Esiawoe nye Yeremia, Hilkia ƒe vi ƒe nyawo. Hilkia nye Nunɔla siwo nɔ Anatɔt le Benyaminyigba dzi la dometɔ ɖeka. Yehowa ƒe nya va nɛ le Yuda fia Yosia, Amon ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuietɔ̃lia me. Egblɔ nya ɖi le Yehoyakim, Yosia ƒe vi, Yuda fia ƒe ɣeyiɣiwo me hã va se ɖe Yuda fia, Zedekia, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiɖekɛlia ƒe ɣleti atɔ̃lia me. Ɣe ma ɣie wokplɔ Yerusalem nɔlawo yi aboyo mee.
Woɖo Yeremia nyagblɔɖilae
Yehowa ƒe nya va nam be,
“Hafi mava me wò ɖe dawò ƒe dɔ me la, menya wò;
hafi woava dzi wò la, mekɔ ŋutiwò da ɖi
eye meɖo wò Nyagblɔɖilae na dukɔwo.”
Ke megblɔ be, “O, Aƒetɔ Mawu, nyemenya nuƒoƒo o eye ɖevi ko meganye.”
Ke Yehowa gblɔ nam be, “Mègagblɔ be, ‘Ɖevi ko menye’ o. Ele na wò be nàyi ame sia ame si gbɔ medɔ wò ɖo eye nàwɔ nu sia nu si ƒe se mede na wò. Mègavɔ̃ na wo o, elabena meli kpli wò be maɖe wò.” Yehowae gblɔe.
Emegbe Yehowa do eƒe asi ɖa tsɔ tɔ nu nam eye wògblɔ nam be, “Azɔ metsɔ nye nyawo de wò nu me. Kpɔ ɖa, egbe meɖo wò nyagblɔɖilae na dukɔwo kple fiaɖuƒewo be nàho nu, avuvu nu, agblẽ nu, amu nuwo aƒu anyi, nàtso aƒe, eye nàdo nu.”
Yehowa ƒe nya va nam bena, “Nu ka kpɔm nèle, Yeremia?”
Meɖo eŋu be, “Mele yevuziti ƒe alɔdze kpɔm.”
Yehowa ƒe nya va nam be, “Èkpɔe tututu, elabena manɔ ŋute akpɔ egbɔ be nye nya va eme.”
Yehowa ƒe nya gava nam be, “Nu ka kpɔm nèle?”
Meɖo eŋu be, “Mekpɔ ze si me tsi le fiefiem le, eye wòviã ɖe anyiehe gome.”
Yehowa gblɔ nam be, “Gbegblẽ atso anyiehe ava ƒo ɖe anyigbadzinɔlawo katã dzi. Esusɔ vie maƒo dzigbemefiaɖuƒe la me nɔlawo katã nu ƒu.” Yehowae gblɔe.
“Woƒe fiawo ava li woƒe fiazikpuiwo anyi ɖe
Yerusalem ƒe agbowo nu,
woava ɖe to ɖe eƒe gliwo katã
kple Yuda duwo katã ŋu.
Mabu fɔ nye amewo ɖe nu vɔ̃ɖi si wowɔ hegblẽm ɖi,
eye wodo dzudzɔ ʋeʋĩ na mawu bubuwo hesubɔ nu
siwo woawo ŋutɔ wɔ kple asi la ta.
“Dzra ɖokuiwò ɖo! Tso kpla ne nàgblɔ nu siwo katã megblɔ na wò la na wo. Womegadzi ŋɔ na wò o, ne menye nenema o la, mado ŋɔdzi na wò le wo ŋkume. Kpɔ ɖa, egbe mewɔ wò nènye du si woɖo gli sesẽwo ƒo xlãe. Mewɔ wò gasɔti kple akɔbliglii, be nàtsi tsitre ɖe anyigba blibo la ŋuti, ɖe Yuda fiawo, woƒe dumegãwo, nunɔlawo kple anyigbadzinɔlawo katã ŋuti. Woawɔ avu kpli wò, gake womaɖu dziwò o, elabena meli kpli wò be maɖe wò.” Yehowae gblɔe.
Israel gbe nu le Mawu gbɔ
Yehowa ƒe gbe va gbɔnye be, “Yi nàkui ɖe to me na Yerusalem be,
“Ale Yehowa gblɔe nye si:
“ ‘Meɖo ŋku wò ɖetugbime ƒe nuteƒewɔwɔ dzi,
kple ale si nèlɔ̃mee esi nènye nye ŋugbetɔ.
Èkplɔm ɖo to gbedadaƒo
kple kuɖiɖinyigba dzi.
Israel nɔ kɔkɔe na Yehowa,
eƒe nukuwo ƒe ŋgɔgbetɔwo,
ame siwo katã ʋuʋui la,
dze agɔ eya ta dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe wo dzi.’ ”
Yehowae gblɔe.
Se Yehowa ƒe nya, O Yakob ƒe aƒe,
mi Israel ƒe aƒe la ƒe towo katã.
Ale Yehowa gblɔe nye si.
“Vodada kae mia fofowo kpɔ le ŋunye be
wotra ɖa tso gbɔnye nenema gbegbe?
Wokplɔ legba maɖinuwo ɖo
eye woawo ŋutɔ hã zu nu maɖinuwo.
Womebia be, ‘Afi ka Yehowa,
ame si kplɔ mí tso Egipte, to dzogbe,
afi si nuku mewɔna le o,
to gbedadaƒo kple aganuwo,
to kuɖiɖinyigba dzi kple viviti me,
anyigba si dzi ame aɖeke metona
alo tso aƒe ɖo o la le?’ o.
Mekplɔ mi va anyigba si nyoa nu la dzi be
miaɖu eƒe kutsetsewo kple eƒe nu nyuiwo,
gake mieva do gu nye anyigba
eye miewɔ nye domenyinu wòzu ŋunyɔnu.
Nunɔlawo gɔ̃ hã mebia be, ‘Afi ka Yehowa le?’ o.
Ame siwo wɔa sea ŋuti dɔ la menyam o.
Kplɔlawo dze aglã ɖe ŋutinye.
Nyagblɔɖilawo gblɔ nya ɖi le Baal ƒe ŋkɔ me
eye wokplɔ legba maɖinuwo ɖo.”
Yehowa be, “Eya ta megatsɔ nya ɖe mia ŋu,
eye matsɔ nya ɖe mia viwo ƒe viwo ŋuti.
Mitso ƒu ne miava Kiprotɔwo
ƒe fukpo dzi ne miakpɔ nu.
Midɔ ame ɖo ɖe Kedar ne woalé ŋku
ɖe nuwo ŋu nyuie.
Mikpɔe ɖa be nane nɔ anyi alea kpɔ hã.
Ɖe dukɔ aɖe ɖɔli eƒe mawuwo kpɔa?
Evɔ menye mawuwoe wonye hafi o;
gake nye dukɔ tsɔ woƒe ŋutikɔkɔe
ɖɔli legba maɖinuwoe.
O, dziƒowo, miaƒe nu neku le esia ta,
eye miadzo nyanyanya kple ŋɔdzi gã.”
Yehowae gblɔe.
“Nye dukɔ wɔ nu vɔ̃ eve.
Wogbe nu le nye agbetsivudo la
gbɔ eye woɖe woawo ŋutɔ ƒe tsiʋewo,
tsiʋe siwo ŋɔ eye tsi mate ŋu atɔ ɖe wo me o.
Subɔvi alo kluvie Israel nye tso dzidzimea?
Ke nu ka ta wòva zu nuhaha ɖo?
Dzatawo ɖe gbe, wole gbe tem ɖe eŋu.
Wowɔ eƒe anyigba wòzu gbegbe.
Wotɔ dzo eƒe duwo eye wozu aƒedowo.
Memfistɔwo kple Tapanhestɔwo hã
ƒlɔ dzodome na wo.
Ɖe menye miawo ŋutɔe he esia
va mia ɖokui dzii esi miegbe Yehowa,
miaƒe Mawu la esi wòkplɔ mi le mɔ dzi oa?
Azɔ nu ka ta miebe yewoayi ɖe Egipte,
aɖano Sihor me tsi?
Eye nu ka ta miayi Asiria be
miano Frat tɔsisi me tsi?
Miaƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ahe to na mi
eye miaƒe megbedede aka mo na mi.
Bu eŋu nàdze si ale si wòavɔ̃ɖi na wò,
ahave wòe esi nègblẽ Yehowa,
wò Mawu la ɖi, eye mèvɔ̃m o la ta.”
Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
“Tso gbe aɖe gbe ke nèŋe wò kɔkuti,
eye nètso wò bablawo, ègblɔ bena,
‘Nyemasubɔ wò o!’
Vavã, èmlɔ anyi abe gbolo ene
ɖe togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi
kple ati dama ɖe sia ɖe te.
Medo wò abe wainti nyuitɔ si tso wainka vavã
siwo tsena nyuie la dometɔ ɖeka ene.
Ke nu ka ta nèwɔ ɖe ŋutinye alea hezu
abe wainka si mie le eɖokui si la ene?
Togbɔ be èle tsi kple adzalẽ
eye nèle adzalẽ ʋeʋĩ geɖe hã la,
wò nu vɔ̃ ƒe ɖiƒoƒo gale nye ŋkume kokoko.”
Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
“Nu ka ta nàgblɔ be,
‘Nyemeɖu kɔ o,
nyemeƒu du dze Baalwo yome o?’
Kpɔ ale si nèwɔ le balime la ɖa.
Bu nu si nèwɔ la ŋu kpɔ.
Èle abe kposɔnɔ si ɖia du
eye wòle du sim tso afi yi afi mɛ la ene.
Èle abe gbetedzi si nyagbegbe nyuie hele ya ʋẽm
kple eƒe ŋɔti le eƒe fieŋufieŋu me la ene.
Ne asiyɔyɔ le edzrom la,
ame ka ate ŋu axe mɔ nɛ?
Mehiã gɔ̃ hã be atsu siwo le eyome tim la
nakplɔe ɖo ɖeɖi nate wo ŋuti o
elabena ne eɖo asiyɔyɔ dzi la,
woake ɖe eŋu bɔbɔe.
Mègaƒu du va se ɖe esime wò afɔwo natsi ƒuƒlu,
eye wò ve me naƒu kplakplakpla o.
Gake, ègblɔ be, ‘Mehiã o;
melɔ̃ dutamawuwo eya ta
ele nam be mati wo yome.’
“Abe ale si ŋu kpea fiafitɔ ne asi su edzi ene la,
nenema ke ŋu akpe Israel ƒe aƒe la,
woƒe fiawo, woƒe dumegãwo,
woƒe nunɔlawo kple woƒe nyagblɔɖilawo.
Wogblɔna na ati be, ‘Wòe nye fofonye.’
Wogblɔna na kpe be, ‘Wòe dzim.’
Wotrɔ woƒe megbe dem
ke menye woƒe ŋkume o,
gake ne woɖo xaxa me la, wogblɔna be,
‘Va, nàɖe mí!’
Ekema afi ka gɔ̃e mawu siwo miewɔ
na mia ɖokuiwo la le?
Woneva ne woate ŋu aɖe mi,
ne mieɖo xaxa me!
O Yuda, wò mawuwo sɔ gbɔ
abe wò duwo ene.”
Yehowa be, “Nu ka ta mietsɔ nya ɖe ŋutinye ɖo?”
Evɔ mi katã miedze aglã ɖe ŋutinye.
“Dzodzroe mehe to na wò amewo,
elabena mehe ɖɔɖɔɖo aɖeke va woƒe agbe mee o.
Wò yi vuvu wò nyagblɔɖilawo abe dzata dɔwui ene.
“O dzidzime sia, mibu Yehowa ƒe nya ŋu.
“Gbegbee menye na Israel loo
alo viviti tsiɖitsiɖi ƒe anyigba?
Nu ka ta nye dukɔ le gbɔgblɔm be,
‘Ablɔɖe le mía si be míatsa
eya ta miagatrɔ ava gbɔwò o?’
Ɖe ɖetugbi aŋlɔ eƒe atsyɔ̃ɖonuwo be
alo ŋugbetɔ naŋlɔ eƒe lekewɔnuwo bea?
Gake nye dukɔ ŋlɔm be hena ɣeyiɣi didi aɖe.
Aleke nèhenya ahiãdidii!
Nyɔnu siwo bi ɖe ŋunyɔnuwo wɔwɔ
me hã ate ŋu asrɔ̃ nu tso gbɔwò.
Amewo kpɔ ame maɖifɔ dahewo
ƒe ʋu le wò awuwo me,
evɔ mèlé wo wonɔ ʋɔ gbãm hafi o,
gake le esiawo katã megbe hã la,
ègblɔ be, ‘Nyemeɖi fɔ o.
Mekpɔ dziku ɖe ŋutinye o.’
Ke madrɔ̃ ʋɔnu wò elabena ègblɔ be,
‘Nyemewɔ nu vɔ̃ o.’
Nu ka ta nèle yiyim nenema gbegbe
le wò mɔwo trɔm?
Egipte ana ŋu nakpe wò abe ale si Asiria hã
na ŋu kpe wò ene.
Àtsɔ asi akpla ta hafi adzo le teƒe ma hã
elabena Yehowa gbe nu le ame siwo dzi nèka ɖo la gbɔ.
Eya ta womakpe ɖe ŋuwò o.
“Ne ŋutsu aɖe gbe srɔ̃a,
eye nyɔnu la dzo ɖaɖe ŋutsu bubu ɖe,
ɖe wòle be ŋutsu gbãtɔ nagatrɔ ayi ɖe nyɔnu la gbɔa?
Ɖe womagblẽ kɔ ɖo na anyigba la keŋkeŋ oa?
Ke wò la, ènɔ agbe abe gbolo ene kple lɔlɔ̃tɔ geɖewo.
Ɖe nàtrɔ ava gbɔnye azɔa?”
Yehowae gblɔe.
“Wu mo dzi ɖe to ƒuƒluwo ŋu eye nàkpɔ ɖa.
Teƒe aɖe li si womedɔ kpli wò le oa?
Ènɔ anyi ɖe mɔto henɔ ŋutsuwo lalam.
Ènɔ anyi abe Arabiatɔwoe nɔ anyi ɖe gbegbe ene.
Ètsɔ wò gbolowɔwɔ kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖi do gu anyigba la.
Eya ta woɖo asi tsidzadza dzi
eye kelemetsi gɔ̃ hã medza o.
Ke wò la, gbolo ƒe mo ŋanɛ li na wò
eye ŋu gbe wò kpekpe.
Menye fifi laa koe nèyɔm be,
‘Fofonye kple xɔ̃nye, tso nye ɖekakpuime ke’ oa?
‘Ɖe nàkpɔ dziku ɖaa?
Ɖe wò dɔmedzoe helĩhelĩ anɔ anyi tegbea?’
Aleae nèƒoa nu gake hewɔa nu tovo
siwo katã nàte ŋui.”
Israel nuteƒemawɔla
Esi Fia Yosia nɔ fia ɖum la, Yehowa gblɔ nam be, “Èkpɔ nu si Israel nuteƒemawɔla la wɔa? Eyi ɖe togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi eye wòyi ɖe ati dama ɖe sia ɖe te hewɔ ahasi le afi ma. Mebui be esi wòwɔ esiawo katã vɔ la, atrɔ ava gbɔnye gake mewɔe o eye nɔvia nyɔnu godzela, Yuda hã kpɔe. Metsɔ srɔ̃gbegbalẽ na nuteƒemawɔla Israel henyae ɖe eƒe ahasiwɔwɔwo katã ta, gake mekpɔ be nɔvia godzela Yuda mevɔ̃ o; eya hã yi ɖawɔ ahasi. Esi Israel ƒe ŋunyɔnuwɔwɔ nye nu tsɛ aɖe ko le eya gbɔ ta la, edo gu anyigba la eye wòwɔ ahasi kple ati kple kpe. Le esiawo katã megbe hã la, nɔvia nyɔnu, Yuda, godzela, metrɔ va gbɔnye kple eƒe dzi blibo o, ke boŋ ewɔ alakpanu.” Yehowae gblɔe.
Yehowa gblɔ nam be, “Nuteƒemawɔla Israel le dzɔdzɔe wu Yuda, godzela la. Yi, nàɖe gbeƒã nya sia ɖo ɖe anyiehe gome. Yehowa be,
“ ‘Xɔsemanɔsitɔ Israel trɔ gbɔ.
Nyemagahe nya ɖe ŋuwò azɔ o
elabena nublanuikpɔlae menye
eye nyemado dziku tegbee o.’ Yehowae gblɔe.
‘Wò ya, dze si wò vodada
elabena èdze aglã ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋu;
ètsɔ wò nunyonamewo ma na dzromawuwo
le ati dama ɖe sia ɖe te eye mèɖo tom o.’ ”
Yehowae gblɔe.
Yehowa be, “Mi xɔsemanɔsitɔwo, mitrɔ gbɔ, elabena nyee nye mia srɔ̃. Matia mi, ame ɖeka tso du ɖe sia ɖe me, ame eve tso to ɖe sia ɖe me ahaƒo ƒu mi ɖe Zion. Ekema mana kplɔlawo mi ɖe nye dzi ƒe didi nu, ame siwo akplɔ mi le nunya kple nugɔmesese me. Le ŋkeke mawo me, ne miedzi ɖe edzi fũu le anyigba dzi la, amewo magagblɔ azɔ be, ‘Yehowa ƒe nubablaɖaka o. Mage ɖe woƒe susu me alo woaɖo ŋku edzi o; womagabia eta ase alo awɔ bubu o.’ Yehowae gblɔe. Le ɣe ma ɣi la, woayɔ Yerusalem be, Yehowa Ƒe Fiazikpui eye dukɔwo katã aƒo ƒu ɖe Yerusalem be woade bubu Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu. Womagadze woƒe dzi vɔ̃ɖiwo ƒe tamesesẽ yome o. Le ɣe ma ɣi me la, Yuda ƒe aƒe awɔ ɖeka kple Israel ƒe aƒe la eye wo kple eve la woatso dzigbemenyigba aɖe dzi ava, anyigba si metsɔ na mia fofowo be wòanye woƒe domenyinu.”
Yehowa be, “Nye ŋutɔe gblɔ be,
“ ‘Matsɔ dzidzɔ alé be na mi abe viŋutsuwo ene
eye matsɔ anyigba nyui aɖe ana mi, domenyinu nyuitɔ kekeake
si dukɔ aɖe ate ŋu akpɔ.’
Mebu be miayɔm be, ‘Fofonye’
eye miatrɔ le yonyeme o.
Gake, abe nyɔnu si meto nyateƒe na srɔ̃a o ene la,
nenemae miawo hã mieto nyateƒe nam o, O Israel ƒe aƒe.”
Wose avi le to ƒuƒluwo dzi,
Israelviwo ƒe avifafa kple kokoƒoƒoe
elabena woglɔ̃ woƒe mɔwo
eye woŋlɔ Yehowa, woƒe Mawu la be.
“Mitrɔ gbɔ, mi megbedelawo,
mayɔ dɔ mi tso miaƒe megbedede me.”
“Ɛ̃, míava gbɔwò,
elabena wòe nye Yehowa,
míaƒe Mawu.
Vavãe, legbasubɔsubɔ ƒe hoowɔwɔ le togbɛwo dzi
kple towo tame nye beble sɔŋ ko.
Enye nyateƒe be Yehowa,
míaƒe Mawu lae nye Israel ƒe xɔnametɔ.
Tso míaƒe ɖekakpuime ke,
ŋukpenamawuwo ɖu mía fofowo
ƒe agbagbadzedze ƒe kutsetsewo,
woƒe alẽhawo, woƒe nyihawo,
wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo.
Mina míamlɔ míaƒe ŋukpe me
eye míaƒe vlododo netsyɔ mía dzi.
Míewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa,
míaƒe Mawu la ŋu,
míawo kple mía fofowo siaa,
tso míaƒe ɖekakpuime va se ɖe egbe sia,
míeɖo to Yehowa, míaƒe Mawu la o.”
Yehowa be,
“O Israel, ne miatrɔ la,
ekema mitrɔ va gbɔnye ne
mieɖe miaƒe legba nyɔŋuawo ɖa
le nye ŋkuta eye miagatra mɔ o.
Ne mieta nu be
‘Zi ale si Yehowa le agbe’ le nyateƒe,
kakaɖedzi kple dzɔdzɔenyenye me la,
ekema ayra dukɔwo eye
le eya amea mee woaƒo adegbe le.”
Ale Yehowa gblɔ na Yuda kple Yerusalem ŋutsuwoe nye esi:
“Miŋlɔ agble yeye,
migaƒã nu ɖe aŋɔkawo me o.
Mi Yuda kple Yerusalem ŋutsuwo,
mitso aʋa na mia ɖokuiwo na Yehowa.
Mitso aʋa na miaƒe dziwo,
ne menye nenema o la,
nye dziku helĩhelĩ alé dzo abi abe dzo ene
eye ame aɖeke mate ŋu atsii o,
ɖe nu vɔ̃ siwo miewɔ la ta.”
Gbegblẽ tso dzigbeme
“Miɖe gbeƒã le Yuda, eye mido kpo
le Yerusalem gblɔ be,
‘Miku kpẽ le anyigba la katã dzi!’
Mido ɣli sesĩe be,
‘Miƒo ƒu! Mina míasi ayi ɖe du sesẽwo me!’
Mikɔ aflaga dzi ɖo ɖe Zion!
Misi yi sitsoƒe, migatɔ o!
Elabena mehe gbegblẽ tso anyiehe gbɔnae,
gbegblẽ si teƒe makɔ o.”
“Dzata aɖe do tso eƒe do me,
dukɔwo gblẽla aɖe tso dze mɔ.
Etso le enɔƒe be wòava wɔ
miaƒe anyigba wòazu gbegbe,
ne wòawɔ miaƒe duwo woazu aƒedowo
eye amewo manɔ wo me o.
Eya ta mita akpanya,
mifa konyi eye mifa avi sesĩe,
elabena Yehowa ƒe dziku sesẽ la medzo le mía dzi o.”
Yehowa be,
“Ɣe ma ɣi la dzi aɖe le fia la
kple eƒe dumegãwo ƒo,
ŋɔdzi alé Nunɔlawo
eye Nyagblɔɖilawo ƒe nu atsi te.”
Tete megblɔ be, “O Aƒetɔ Yehowa, èflu ame siawo kple Yerusalem ŋutɔ esi nègblɔ be, ‘Miakpɔ ŋutifafa.’ Evɔ, woɖo yi míaƒe vewo dzi.”
Le ɣe ma ɣi la, woagblɔ na ame siawo kple Yerusalem be, “Ya xɔdzo aɖe ƒo tso to ƒuƒluwo dzi to gbegbe gbɔna va nye amewo gbɔ gake menye wòagbɔ nu alo aklɔ nu ta o. Ya sia sẽ ŋutɔ elabena etso gbɔnye. Azɔ la, mehe nye ʋɔnudɔdrɔ̃ va wo dzii.”
Kpɔ ɖa! Egbɔna abe lilikpowo ene,
eƒe tasiaɖamwo le du dzi abe ahomya ene
eye eƒe sɔwo ɖea abla wu hɔ̃wo.
Baba na mí! Míetsrɔ̃ vɔ!
O Yerusalem, klɔ nu tovo ɖa
le wò dzi ŋu be nàkpɔ xɔxɔ.
Va se ɖe ɣe ka ɣie susu vɔ̃ɖi anɔ mewò?
Gbe aɖe le gbeƒã ɖem tso Dan.
Ele kpo dom gbegblẽ si tso
Efraim togbɛwo dzi gbɔna.
“Migblɔ nya sia na dukɔwo,
miɖe gbeƒãe na Yerusalem be,
‘Asrafo siwo ɖea to ɖe duwo la gbɔna tso
adzɔgenyigba aɖe dzi;
wole aʋaɣli dom ɖe Yuda ƒe duwo ŋuti.
Woɖe to ɖee abe agbleŋudzɔlawo ene
elabena edze aglã ɖe ŋunye.’ ”
Yehowae gblɔe.
“Wò ŋutɔ wò afɔɖeɖewo
kple nuwɔnawoe he esia va dziwòe.
Esiae nye wò tohehe.
Aleke wòahave wòe!
Aleke wòahaƒo ɖe wò dzii!”
O nye dablibɛƒoƒo, nye dablibɛƒoƒo!
Mele ŋeŋem le vevesese me.
O nye dzi xɔ abi ɖe dɔ me nam!
Nye dzi le ƒoƒom le menye, nyemate ŋu azi ɖoɖoe o,
elabena mese kpẽ ƒe ɖiɖi,
mese aʋaɣlidodo.
Gbegblẽ kplɔ gbegblẽ ɖo
eye anyigba blibo la zu aƒedo.
Enumake wogbã nye agbadɔwo
eye le aɖabaƒoƒo ɖeka me wogbã nye aƒe.
Va se ɖe ɣe ka ɣie makpɔ aflaga, ase aʋakpẽ?
“Nye amewo nye movitɔwo eye womenyam o.
Wole abe ɖevi abunɛtɔwo ene
elabena womenyam o.
Wobi ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ me
eye womenya nu nyui wɔwɔ o.”
Metsa ŋku le anyigba dzi,
ele nyamaa, le ƒuƒlu.
Mewu mo dzi kpɔ dziƒo
gake woƒe kekeli megali o.
Mewu mo dzi kpɔ towo,
wole dzodzom kpekpekpe
eye togbɛwo katã le ʋuʋum.
Metsa ŋku ke nyemekpɔ ame aɖeke o.
Xevi ɖe sia ɖe si le yame gɔ̃ hã dzo dzo.
Menye kɔ eye mekpɔ anyigba nyonu la zu gbegbe;
eƒe duwo katã hã zu aƒedo le Yehowa ŋkume
le eƒe dziku helĩhelĩ la ta.
Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Anyigba blibo la azu aƒedo,
gake nyemagblẽe gbidigbidi o.
Eya ta anyigba axa nu
eye dziƒo ado viviti elabena meƒo nu
eye nyemagbe edziwɔwɔ o.
Meɖo ta me eye nyematrɔ susu o.”
Du sia du lé du tsɔ esi wose sɔwo
kple aŋutrɔdalawo ƒe hoowɔwɔ.
Ame aɖewo yi ɖabe ɖe ave dodowo me,
eye ɖewo lia agakpewo.
Duwo katã me ɖi gbɔlo:
ame aɖeke megale wo me o.
O, wò ame si wotsrɔ̃, nu ka wɔm nèle?
Nu ka ta nètsɔ awu dzĩ kple sikanuwo do?
Nu ka ta nètsɔ ɖoŋkui sisi ɖe ŋkuta ɖo?
Dzodzroe nèwɔ leke na ɖokuiwò.
Wò lɔlɔ̃tɔwo do vlo wò
eye wole wò agbe yome tim.
Mese ɣli aɖe abe nyɔnu si le ku lém la tɔ ene.
Mese ŋeŋe aɖe abe nyɔnu
si le vi gbãtɔ dzim la tɔ ene.
Ɣli la nye Zion vinyɔnu si lé gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo hetsɔ
eƒe asiwo do ɖe dzi la tɔ. Ele gbɔgblɔm be,
“Evɔ nam! Nye mo le zi tsyɔm;
wotsɔ nye agbe de asi na amewulawo.”
Ame ɖeka hɔ̃ɔ hã mele dzɔdzɔe o
“Mizɔ to Yerusalem ƒe kpɔdomewo,
mitsa ŋku le teƒeteƒewo ne miabu eŋuti
eye miatsa to eƒe ablɔwo dzi.
Ne miate ŋu akpɔ ame ɖeka teti si awɔ nu anukwaretɔe eye wòati nyateƒe ko yome la, matsɔe ake du sia.
Togbɔ be wogblɔ be,
‘Meta Yehowa ƒe agbe’ hã la,
wole nu tam alakpatɔe kokoko.”
O Yehowa, ɖe wò ŋkuwo mele nyateƒe ŋu oa?
ȃo wo gake womese veve o,
ègbã wo nyanyanya gake womese veve o,
ègbã wo nyanyanya gake wogbe ɖɔɖɔɖowɔwɔ.
Wowɔ woƒe mo wòsẽ wu kpe eye wogbe dzimetɔtrɔ.
Mebui be,
“Ame siawo la, ame dahewo ko wonye.
Wonye movitɔwo hã elabena womenya Yehowa ƒe mɔ
kple woƒe Mawu la ƒe didiwo o.
Eya ta mayi ɖe woƒe kplɔlawo gbɔ, aƒo nu na wo;
woawo ya nya Yehowa ƒe mɔ
kple woƒe Mawu la ƒe didiwo godoo.”
Gake woawo hã tsɔ lɔlɔ̃nu ɖeka ŋe kɔkuti la ɖa
eye wotu kɔsasawo.
Eya ta dzata ado tso ave me ava dze wo dzi,
amegaxi ado tso gbegbe avuvu wo,
eye lãkle ava de xa ɖe woƒe duwo ƒe gbɔto, be
wòavuvu ame si ake atse ado go la ʋayaʋaya,
elabena woƒe aglãdzedze lolo, eye woƒe megbededewo sɔ gbɔ.
“Nu ka ta matsɔe ake mi ɖo?
Mia viwo gbem, eye wota mawu
siwo menye mawu o
togbɔ be mekpɔ woƒe hiahiãwo katã gbɔ na wo hã la,
wogayi ɖawɔ ahasi, eye woƒo ta kpli ɖe gboloxɔwo me.
Woɖi ƒo nyuie abe sɔtsu siwo le asi yɔm la ene,
ɖe sia ɖe le gbe tem ɖe ame bubu srɔ̃ ŋu.
Ɖe mele be mahe to na wo ɖe esia ta oa?
Ɖe nyemabia hlɔ̃ dukɔ sia tɔgbi oa?”
Yehowae gblɔe.
“Mige ɖe eƒe waingblewo me
eye mialã woƒe wainkawo.
Ke migagblẽ wo gbidigbidi o.
Milã alɔwo elabena dukɔ sia menye Yehowa tɔ o.
Israel kple Yuda ƒe aƒewo meto nyateƒe nam kura o.”
Yehowae gblɔe.
Woda alakpa tso Yehowa ŋu hegblɔ bena,
“Mawɔ naneke o!
Vɔ̃ aɖeke mawɔ mí o eye míakpɔ dɔwuame
alo yi ƒe ŋkume gbeɖe o.
Nyagblɔɖilawo la,
ya ko wonye eye nya la mele wo me o,
eya ta, na woawɔ nu si wogblɔ la na wo.”
Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Esi dukɔ la gblɔ nya siawo ta la,
mawɔ nye nya la wòazu dzo bibi anɔ wò nu me
eye dukɔ la anye nake si wòabi.”
Yehowa be, “O Israel ƒe aƒe,
mele dukɔ aɖe kplɔ ge atso didiƒe ava ƒo ɖe dziwò, blemadukɔ si li tegbee, dukɔ si ƒe gbegbɔgblɔ mènya o,
eye mèse egɔme hã o.
Woƒe daku le abe yɔdo si le nuvo la ene.
Wo katã wonye aʋawɔla kalẽtɔwo.
Woava ɖu wò agblemenukuwo kple wò nuɖuɖu,
woaɖu viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo.
Woaɖu wò alẽhawo kple nyihawo,
eye woaɖu wò waintsetsewo kple gbotiwo.
Woatsɔ yi agblẽ wò du sesẽ siwo ŋu nèle ŋu ɖom ɖo.”
Yehowa be, “Ke le ɣe ma ɣi hã la, nyematsrɔ̃ mi gbidigbidi o. Ale be ne amewo bia be, ‘Nu ka ta Yehowa, míaƒe Mawu la wɔ esiawo ɖe mía ŋu hã?’ la, miagblɔ na wo be, ‘Esi miegbem hesubɔ dutamawuwo le wò ŋutɔ wò anyigba dzi ta la, azɔ la mianye kluviwo na dutatɔwo le anyigba si menye mia tɔ o la dzi.’
“Ɖe gbeƒã nya sia na Yakob ƒe aƒe la
eye nàdo kpo le Yuda.
‘Mise nya sia, mi bometsilawo kple susumanɔsitɔwo,
ame siwo ŋku li na, gake womekpɔa nu o,
ame siwo to li na, gake womesea nu o.’
Yehowa be, ‘Ɖe mele be miavɔ̃m oa?
Mewɔ ke be wòado liƒo na atsiaƒu,
wòanye dɛ mavɔ si nu mate ŋu atso o.
Ƒutsotsoewo aŋe aƒo ɖe eŋu gake womate ŋui o.
Woadze agbo gake womate ŋui o.
Woadze agbo gake womate ŋu agbɔ liƒoa ŋu o.
Ke dukɔ sia la, dzi sesẽ,
dzeaglãe li na wo.
Wodze ɖe aga, eye wotra mɔ.’
Womegblɔna na wo nɔewo be,
‘Mina míavɔ̃ Yehowa, míaƒe Mawu la,
ame si naa adametsi kple kelemetsi dzana na mí
le edzaɣi eye wòkana ɖe nuŋeɣi ƒe
kɔsiɖawo dzi na mí’ la o.
Miaƒe nu tovowo wɔwɔe xe mɔ na nu siawo katã,
eye miaƒe nu vɔ̃wo te nu nyuiwo mi.
“Ame vɔ̃ɖiwo le nye dukɔ me,
ame siwo de xa abe ale si ŋutsu
siwo trea mɔ na xeviwo wɔnɛ ene
eye wole abe ŋutsu siwo trea mɔ na amewo ene.
Abe ale si xeviwo yɔa xadzanu fũu ene la,
nenema woƒe aƒewo yɔ taŋ kple beble.
Ale wova zu kesinɔtɔwo kple ŋusẽtɔwo,
eye woda ami hezrɔ̃ lãlãlã.
Seɖoƒe meli na woƒe nu tovowo wɔwɔ o,
womexɔa nya ɖe tsyɔ̃eviwo nu be woaɖu dzi o,
eye womeʋlia ame dahewo ƒe ablɔɖevinyenye ta o.”
Yehowa be,
“Ɖe nyemahe to na wo le esia ta oa?
Ɖe nyemabia hlɔ̃ dukɔ sia tɔgbi oa?
“Ŋɔdzinu kple dzigbãnu aɖe dzɔ le anyigba dzi.
Nyagblɔɖilawo gblɔ aʋatsonyawo ɖi.
Nunɔlawo le nuwo wɔm le woawo ŋutɔ ƒe ŋusẽ me
eye wòdze nye dukɔ ŋu alea.
Ke nu ka nàwɔ le nuwuwu?”
Woɖe to ɖe Yerusalem
“Misi yi sitsoƒe, mi Benyaminviwo!
Misi tso Yerusalem!
Miku kpẽ le Tekoa!
Mitu aflaga ɖe Bet Hakerem!
Elabena gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ dziŋɔ
aɖe zɔ tso anyiehe gbɔna.
Magblẽ Zion vinyɔnu si dze tugbe nyuie
hele wusewuse la dome.
Alẽkplɔlawo kple woƒe alẽhawo atso ɖe eŋuti,
woava tu woƒe agbadɔwo aƒo xlãe,
ɖe sia ɖe axɔ teƒe si wòanyi eƒe lãhawo le.”
“Midzra ɖo, miawɔ aʋa kplii!
Mitso, mina míadze aʋa le ŋdɔ me, gake ao,
ŋkeke le bubum eye ɣetrɔ ƒe vɔvɔli le ɖiɖim ɖe edzi.
Eya ta mitso ne míadze aʋa le zã me
ne miagbã eƒe mɔ sesẽwo!”
Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi:
“Milã atiawo, eye miaƒu kpo ɖe Yerusalem ŋu.
Ele be woahe to na du sia
elabena eyɔ fũu kple ŋutasesẽ.
Abe ale si vudo dzia tsii ene la,
nenema eƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi le dzidzimii.
Nu vlo wɔwɔ kple ŋutasesẽ bɔ ɖe eme.
Eƒe dɔléle kple abiwo le nye ŋkume ɖaa.
Oo, Yerusalem,
se nyagbename, ne menye nenema o la,
matrɔ adzo le gbɔwò, eye mawɔ wò anyigba
wòazu gbegbe, ale be ame aɖeke mate ŋu anɔ edzi o.”
Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,
gblɔe nye si,
“Mina ne woaxa Israel ƒe ame susɔeawo
abe ale si woxaa waintsetse
le kawo ŋu ƒiaƒiaƒiae ene.
Gatsɔ wò asiwo lili kawo ŋu
abe ame si le wain gbem la ene.”
Ame ka maƒo nu na, eye mana nuxɔxlɔ̃e?
Ame ka aɖo tom?
Woƒe towo xe, eya ta womate ŋu ase nu o.
Yehowa ƒe nya vea dɔ me na wo
eye womedinɛ be yewoase o.
Ke Yehowa ƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la yɔm fũu
eye nyemate ŋu atu nu ɖe enu o.
“Trɔe kɔ ɖe ɖevi siwo le mɔtata dzi
kple ɖekakpui siwo ƒo ta kpli la dzi,
akɔ ɖe srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu siaa dzi.
Nenema kee wòanɔ na ametsitsi
siwo do dɔgɔ̃e le ƒe geɖe xɔxɔ ta.
Woatsɔ woƒe aƒewo ana ame bubuwo hekpe ɖe woƒe agblewo
kple wo srɔ̃nyɔnuwo ŋu,
ne medo nye asi ɖa ɖe ame siwo
le anyigba dzi la ŋuti.”
Yehowae gblɔe.
“Elabena wo katã wonye ŋuklẽlawo ɖe viɖe ŋuti,
tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi,
nyagblɔɖilawo kple nunɔlawo siaa nye alakpatɔwo.
Wobla abi na nye dukɔ abe ɖe menye
abi gã aɖeke wònye o ene.
Wole gbɔgblɔm be,
‘Ŋutifafa, ŋutifafa.’
Evɔ la, ŋutifafa aɖeke meli hafi o.
Ɖe woƒe ŋunyɔnu siwo wɔm wole la,
le ŋu kpem na woa?
Ao, ŋukpe ɖeka pɛ hã mele mo na wo o,
eye womenya ale si woƒe
mo natsi dãae gɔ̃ hã o.
Eya ta woatsi aʋatsilawo dome.
Ne mele to hem na wo la,
woaƒo wo aƒu anyi.”
Yehowae gblɔe.
Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Mitsi tsitre ɖe mɔdogoeƒewo
ne miaɖo ŋku anyi akpɔ nu.
Mibia blemamɔwo ta se,
mibia afi si mɔ nyuitɔ le ne miazɔ edzi,
eye miaƒe luʋɔwo akpɔ gbɔɖeme.
Gake miegblɔ be, ‘Miazɔ le edzi o.’
Meɖo gbetakpɔlawo na mi hegblɔ na mi be,
‘Miɖo to kpẽ la ƒe ɖiɖi!’
Gake miegblɔ be,
‘Míaɖo to o.’
Eya ta miesee o. Oo, mi dukɔwo, Oo ɖasefowo,
milé ŋku ɖe nu si ava dzɔ ɖe wo dzi la ŋu.
Oo, anyigba, see.
Mele gbegblẽ he ge va dukɔ sia dzi,
esia nye woƒe tameɖoɖowo ƒe metsonu,
elabena womeɖo to nye nyawo o,
eye wogbe nye se dzi wɔwɔ.
Nu ka dzudzɔʋeʋĩdonu si tso Seba nye nam
alo gbeʋeʋĩ si tso didiƒenyigba dzi la awɔ nam?
Miaƒe numevɔsawo medze ŋunye o
eye miaƒe akpedavɔsawo medo dzidzɔ nam o.”
Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Kpɔ ɖa, matsɔ nukikliwo ada ɖe dukɔ sia ŋgɔ.
Fofowo kple viŋutsuwo siaa akli wo adze anyi
eye aƒelikawo kple xɔlɔ̃wo hã atsrɔ̃.”
Ale Yehowa gblɔe nye si,
“Kpɔ ɖa asrafoha gã aɖe
tso anyiehenyigba dzi gbɔna.
Wonye dukɔ xɔŋkɔ aɖe tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke.
Wogbɔna kple aŋutrɔ kple akplɔ.
Woƒe ta me sẽ, eye womekpɔa nublanui o.
Esi wole woƒe sɔwo dzi gbɔna la,
woƒe hoowɔwɔ le abe atsiaƒue dze agbo ene.
Wobla akpa abe ame siwo dze aʋa ɖi ene be
woava akpe aʋa kpli wò, Oo, Zion vinyɔnu.
“Míese nutsotso geɖe tso wo ŋu
eya ta míaƒe alɔwo ku ɖe mia ŋu.
Ŋɔdzi lé mí eye míese veve abe nyɔnu si le ku lém la ene.
Migado yi ɖe agble alo azɔ le mɔtatawo dzi o,
elabena yi le futɔ la si eye ŋɔdzi ƒo xlã mi kpe ɖo.
Oo, nye dukɔ, mita akpanya,
miamli le dzofi me.
Fa konyi vevie kple ɣli abe
ame si viŋutsu ɖeka hɔ̃ɔ ku na la ene,
elabena nugblẽla la ava ƒo ɖe
mía dzi zi ɖeka kpoyi!
“Metsɔ wò ɖo galolõlae eye nye dukɔe
nye ga si lolõ ge woala,
be nànya, eye nàdo woƒe mɔwo kpɔ.
Wo katã nye aglãdzela vɔ̃ɖivɔ̃ɖiwo.
Wole tsatsam be woagblẽ ame ŋu.
Wole abe akɔbli kple gayibɔ ene.
Ame dovowoe wo katã wonye.
Wole ʋu yɔm kple ŋusẽ be
woafia nu manyomanyo la le gadzẽ la me,
gake wowɔe ʋuu do kpoe.
Elabena womayɔ ʋu ɖe ame vɔ̃ɖi te wòatrɔ o.
Woyɔa wo be klosalo si wogbe,
elabena Yehowa gbe nu le wo gbɔ.”
Alakpamawuwo subɔsubɔ nye nu dzodzro
Esiae nye gbedeasi tso Yehowa gbɔ na Yeremia: “Tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe aƒe la ƒe agbonu, eye tso afi ma nàɖe gbeƒã nya sia:
“ ‘Mise Yehowa ƒe nya, mi Yudatɔ siwo katã to agbo sia me yina be miasubɔ Yehowa. Ale Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Miɖɔ miaƒe mɔwo kple miaƒe nuwɔnawo ɖo eye mana mianɔ teƒe sia. Migaxɔ beblenyawo dzi se ahanɔ gbɔgblɔm be, “Esiae nye Yehowa ƒe gbedoxɔ, Yehowa ƒe gbedoxɔ, Yehowa ƒe gbedoxɔ o!” Ne mieɖɔ miaƒe mɔwo kple miaƒe nuwɔnawo ɖo vavã eye ne mieto nyateƒe le miaƒe nuwɔnawo me kple mia nɔewo, ne miete amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ɖe to o eye miekɔ ʋu maɖifɔ ɖi le teƒe sia o; ne miedze mawu bubuwo yome hena miawo ŋutɔ ƒe gbegblẽ o la, ekema mana mianɔ teƒe sia le anyigba si metsɔ na mia fofowo be wòanye wo tɔ tegbee la dzi. Gake mikpɔ ɖa miele dzi ɖom ɖe beblenya siwo nye toflokowo la ŋuti.
“ ‘Ɖe miagafi fi, awu ame, awɔ ahasi, aka atam dzodzro, ado dzudzɔ ʋeʋĩ na Baal eye miadze mawu bubu siwo mienya o la yome vɔ, emegbe miagava atsi tsitre ɖe ŋkunye me le aƒe sia si ŋuti woyɔ nye Ŋkɔ ɖo la me ahagblɔ be, “Míele dedie. Míele dedie,” ne miawɔ ŋunyɔnu siawo katã? Ɖe aƒe sia si ŋuti woyɔ nye Ŋkɔ ɖo la zu adzodalawo ƒe do na mia? Ke nye la, mele ekpɔm!’ ” Yehowae gblɔe.
“Mitso azɔ ne miayi ɖe Silo afi si mewɔ nɔƒe ɖo zi gbãtɔ na nye Ŋkɔ, ne miakpɔ ale si mewɔe le nye dukɔ, Israel ƒe nu tovo wɔwɔ ta. Yehowa be, ‘Esi mienɔ nu siawo katã wɔm la, meƒo nu na mi zi geɖe gake miesee o, meyɔ mi gake mietɔ o. Eya ta nu si mewɔ na Silo la, eya kee mawɔ azɔ na aƒe si ŋuti woyɔ nye ŋkɔ ɖo, gbedoxɔ si ŋuti mieɖo ŋu ɖo kple teƒe si metsɔ na mi kple mia fofowo. Manya mi ɖa tso nye ŋkume abe ale si mewɔ mia nɔvi Efraimviwo ene.’
“Eya ta, mègado gbe ɖa ɖe dukɔ sia ta o. Mègaɖe kuku ɖe wo nu alo aƒo koko ɖe wo ta o, eye mègaƒoe ɖe nunye o, elabena nyemaɖo to wò o. Mèle nu si wɔm wole le Yuda duwo me kple Yerusalem ƒe ablɔwo dzi la kpɔm oa? Ɖeviwo le nake fɔm, wo fofowo le dzo dom, wo dadawo le amɔ blum ne woame akpɔnɔ na Dziƒofianyɔnu. Woƒo aha ɖi na mawu bubuwo ne woatsɔ ado dziku nam. Yehowa be, ‘Nyee wole dziku dom na? Ɖe menye woawo ŋutɔ boŋue le nuvevi wɔm wo ɖokui hena woƒe ŋukpe oa?’
“Eya ta, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Woatrɔ nye dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ akɔ ɖe teƒe sia dzi, ɖe amewo kple lãwo siaa dzi, ɖe atiwo kple gbewo kple atikutsetse siwo le anyigba dzi la dzi woabi dzo eye womatsi o.’
“Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Miyi edzi, mitsɔ miaƒe numevɔsawo kpe ɖe akpedavɔsawo ŋu eye miawo ŋutɔ miaɖu lã la. Elabena esi mekplɔ mia fofowo tso Egipte heƒo nu na wo la, nyemede se na wo tso numevɔsa kple akpedavɔsawo ko ŋu o. Ke boŋ mede se sia na wo. Miwɔ ɖe nye gbe dzi ekema manye miaƒe Mawu eye mianye nye dukɔ. Mizɔ le mɔ siwo ƒe se mede na mi la dzi, be wòanyo na mi. Gake womeɖo to alo see nam gɔ̃ hã o, ke boŋ wowɔ nu dzeaglã siwo woƒe dzi vɔ̃ɖiwo gblɔ na wo. Wote gbugbɔɖemegbezɔzɔ, eye womezɔ yi ŋgɔ o. Tso gbe si gbe mia fofowo ʋu tso Egipte va se ɖe fifia la, meɖo nye nyagblɔɖilawo ɖe mi gbe sia gbe kple ga sia ga me. Gake womeɖo to alo see nam o. Wonye kɔlialiatɔwo, eye wowɔ nu vɔ̃ɖi wu wo fofowo.’
“Ne ègblɔ nu siawo katã na wo la, womaɖo to wò o. Ne èyɔ wo la, womatɔ na wò o. Eya ta gblɔ na wo be, ‘Esiae nye dukɔ si meɖo to Yehowa, woƒe Mawu la alo ɖoa to ɖɔɖɔɖo o. Nyateƒe tsrɔ̃, eye wòbu le woƒe nuyiwo dzi.
“ ‘Lũ ta, eye nàtsɔ ɖa la aƒu gbe. Lia to kɔkɔ ƒeƒlewo, nɔ anyi nàdzi konyifaha elabena Yehowa gbe nu le dzidzime si le eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ te la gbɔ eye wògblee ɖi.’ ”
Ku ƒe balime
“Yehowa be, ‘Yuda dukɔ wɔ nu si nye vɔ̃ le ŋkunye me. Woli woƒe legba nyɔŋuwo ɖe aƒe si ŋu woyɔ nye Ŋkɔ ɖo la me hedo gui. Wotu nuxeƒewo na Tofet ɖe Ben Hinom ƒe Balime, be woatɔ dzo wo viŋutsuwo kple vinyɔnuwo le afi ma, nu si meva tame nam kaka mayi mɔ ɖe ge le eŋu na wo o.’ Eya ta Yehowa be, ‘Mikpɔ nyuie elabena ŋkekewo li gbɔna esi amewo magayɔe be Tofet alo Ben Hinom ƒe Balime o, ke boŋ woayɔe be, ku ƒe balime, elabena woaɖi ame kukuwo ɖe Tofet va se ɖe esime teƒe maganɔ anyi o.’ Ekema ame kukuawo ƒe ŋutilã azu nuɖuɖu na dziƒoxewo kple lã wɔadãwo, eye ame aɖeke manɔ anyi si anya wo o. Mana aseyetsotso, dzidzɔhawo, ɣlidodo ɖe ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ŋu natɔ te le Yuda duwo me kple Yerusalem ƒe ablɔwo dzi, elabena anyigba la azu gbegbe.
“Yehowa be, ‘Le ɣe ma ɣi la, Yuda fiawo kple woƒe dumegãwo ƒe ƒuwo, nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo ƒe ƒuwo kple Yerusalem nɔlawo ƒe ƒuwo la, woaɖe wo le woƒe yɔdowo me. Woasia wo, eye ɣe aɖu wo, ɣleti kple dziƒoŋunuwo aklẽ ɖe wo dzi, nu siwo wotsɔ lɔlɔ̃ na hesubɔ nu siwo yome wodze hebia nu le wo gbɔ eye wode ta agu na wo. Womafɔ wo alo aɖi wo o, ke boŋ woanɔ abe gbeɖuɖɔ ene anɔ anyigba. Afi sia afi si manya wo aɖo ɖo la, dukɔ vɔ̃ɖi sia ƒe ame mamlɛawo adi ku wu agbe.’ ” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
Nu vɔ̃ kple tohehe
Gblɔ na wo be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“ ‘Ne amewo dze anyi la, ɖe womegafɔna oa?
Ne wotra mɔ la, ɖe womegatrɔna gbɔna oa?
Ekema nu ka ta ame siawo trɔ dzo ɖo?
Nu ka ta Yerusalem le megbe dem ɣe sia ɣi?
Woku ɖe beble ŋuti
eye wogbe be yewomatrɔ o.
Meɖo to nyuie,
gake womele nu si le eteƒe la gblɔm o.
Ame ɖeka pɛ hã meli si eƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi venɛ,
eye wògblɔna be, “Nu kae nye esi mehewɔ o?”
Ame sia ame lé eƒe mɔ tsɔ
abe sɔe lũ ɖe aʋa me ene.
Akpaviã le yame ke hã
nya eƒe azãgbewo,
akpakpa, sagbadre kple tsalĩ,
nya ɣeyiɣi si wòle be woaʋu adzo.
Gake nye dukɔ ya menya
Yehowa ƒe ɖoɖowo o.
“ ‘Aleke wɔ miate ŋu agblɔ be, “Míenye nunyalawo,
elabena Yehowa ƒe se la le mía si,”
evɔ le nyateƒe me, agbalẽfialawo ƒe nuŋlɔti
trɔe wòzu aʋatso’ o?
Ŋu akpe nunyalawo, woƒe mo atsi dãa,
eye mɔ aɖe wo.
Esi wogbe Yehowa ƒe nya la,
nunya ka ƒomevie le wo si?
Eya ta maxɔ wo srɔ̃wo atsɔ na ŋutsu bubuwo
eye maxɔ woƒe agblewo atsɔ na amedzrowo.
Tso ɖeviawo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi,
wo katã le ŋu biãm ɖe viɖe ŋu.
Nyagblɔɖilawo kple Nunɔlawo siaa
nye ameblelawo.
Wobla abi na nye dukɔ
abe ɖe menye abi gã aɖeke wònye o ene.
Wole gbɔgblɔm be, ‘Ŋutifafa, ŋutifafa’,
evɔ wòhenye ŋutifafa aɖeke meli o hafi.
Ɖe woƒe ŋunyɔnu siwo wɔm wole la le ŋu kpem na woa? Ao,
ŋukpe ɖeka pɛ hã mele mo na wo o
eye womenya ale si woƒe mo natsi dãae gɔ̃ hã o.
Eya ta woatsi aʋatsilawo dome.
Ne mele to hem na wo la, woaƒo wo aƒu anyi.”
Yehowae gblɔe.
Yehowa be,
“Maxɔ nuku siwo woxa la le wo si.
Wainkawo agbe tsetse,
gbo matse ɖe gbotiwo dzi o
eye woƒe aŋgbawo ayrɔ.
Nu si matsɔ na wo la
woaxɔ wo le wo si.”
“Nu ka ta mienɔ anyi ɖe afi sia ɖo?
Miƒo ƒu!
Mina míasi ayi ɖe du sesẽwo me
ne míatsrɔ̃ ɖe afi ma!
Elabena Yehowa, míaƒe Mawu la ɖoe ɖi be miatsrɔ̃
eye wotsɔ aɖitsi na mí be miano
elabena míewɔ nu vɔ̃.
Míekpɔ mɔ na ŋutifafa
gake nu nyui aɖeke meva o.
Míekpɔ mɔ na dɔyɔyɔ
gake ŋɔdzi koe li.
Wose futɔ la ƒe sɔwo ƒe afɔzi
le keke Dan.
Ne woƒe sɔwo xlɔ̃ ko la,
anyigba katã nyea zi.
Wova be woaʋuʋu anyigba
kple nu siwo katã le edzi,
du la kple emenɔlawo katã.”
“Kpɔ ɖa, madɔ da vɔ̃ɖiwo ɖe mia dome.
Da siwo miate ŋu asa gbe ade o
eye woaɖu mi.”
Yehowae gblɔe.
Oo, nye Akɔfala le xaxa me.
Nu te nye dzi ŋu le menye.
Ɖo to nye dukɔ ƒe avifafa
tso anyigba didi aɖe dzi,
“Ɖe Yehowa mele Zion oa?
Ɖe Fia la megale afi ma oa?”
“Nu ka ta wotsɔ woƒe aklamakpakpɛwo kple dutalegba maɖinuwo
do dziku nam ɖo?”
“Nuŋeɣi va yi,
eye dzomeŋɔli hã va yi,
gake womeɖe mi o.”
Esi wogbã nye dukɔ ta la, nye hã megbã,
mexa nu eye dzidzi ƒom.
Ɖe dɔyɔmi mele Gilead oa?
Gbedala aɖeke mele afi ma oa?
Ke nu ka ta nye dukɔ ƒe abi
mele kukum o?
Oo, ɖe nye ta anye tsidzɔƒe
eye nye ŋkuwo anye aɖatsivudo la,
mafa avi zã kple keli na nye dukɔ
ƒe ame siwo wowu.
Oo, ɖe dzeƒe le asinye le gbegbe na mɔzɔlawo,
anye ne magblẽ nye dukɔ ɖi adzo le wo gbɔ,
elabena wo katã wonye ahasiwɔlawo,
ameha siwo nye nu tovo wɔlawo sɔŋ.
Yehowa be,
“Wovua woƒe aɖewo abe dati ene
ne woada alakpaŋutrɔ.
Menye nyateƒee wotsɔ le dzi ɖum
le anyigba la dzi o.
Wotsoa nu vɔ̃ ɖeka gbɔ yia bubu gbɔ
eye womenyam o.
Kpɔ nyuie le xɔlɔ̃wòwo ŋu.
Megaka ɖe nɔviwò ŋutsuwo dzi o,
elabena nɔvi ɖe sia ɖe nye ameblela
eye xɔlɔ̃ ɖe sia ɖe nye ameŋugblẽla.
Xɔlɔ̃ blea xɔlɔ̃ eye ame aɖeke metoa nyateƒe o.
Wofia aʋatsokaka woƒe aɖewo
eye woɖea fu na wo ɖokuiwo vevie
kple nu vɔ̃ wɔwɔ.
Amebeble le gã dom ɖe edzi.
Le woƒe amebeble ta la,
wogbe sidzedzem.”
Yehowae gblɔe.
Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi:
“Kpɔ ɖa malolõ wo ado wo akpɔ,
elabena nu bubu ka mawɔ
le nye dukɔ ƒe nu vɔ̃ ta?
Woƒe aɖe le abe aŋutrɔ si nu aɖi vɔ̃ɖi le la ene,
elabena woƒoa nu bebletɔe,
ame sia ame tsɔa eƒe nu ƒoa nu na ehavi bubutɔe,
gake le eƒe dzi me la, etre mɔ ɖi nɛ.
Yehowa be, ‘Ɖe mele be mahe to na wo le esia ta oa?
Ɖe mele be mabia hlɔ̃ dukɔ sia tɔgbi oa?’
“Mafa avi ado ɣli na towo,
eye madzi konyifaha ɖe gbegbelãnyiƒewo ŋu.
Elabena wozu gbegbe,
ame aɖeke mato afi ma ayi o
eye womagase nyiwo ƒe xɔxlɔ̃ le afi ma o,
dziƒoxewo gɔ̃ hã si dzo eye gbemelãwo hã si.
“Mawɔ Yerusalem wòazu glikpo gbagbã si woli kɔe
kple nɔƒe na amegaxiwo, eye mawɔ Yuda duwo
woazu aƒedo ale be ame aɖeke manɔ wo me o.”
Ame kae nye nunyala si ase nu sia gɔme? Ame kae Yehowa fia nu eye wòate ŋu aɖe eme? Nu ka ta anyigba gblẽ eye wowɔe wòle abe gbegbe si ame aɖeke mate ŋu ato ayi o la ene?
Yehowa be, “Elabena wogblẽ nye se si metsɔ ɖo woƒe ŋkume la ɖi. Womeɖo tom alo wɔ nye se dzi o. Ke boŋ wodze woƒe dzi dzeaglãwo yome hekplɔ Baalwo ɖo abe ale si wo fofowo fia woe ene.” Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, mana dukɔ sia naɖu nu veve, eye woano aɖitsi. Makaka wo ɖe dukɔwo dome, dukɔ siwo woawo ŋutɔ alo wo fofowo menya o eye mati wo yome kple yi va se ɖe esime metsrɔ̃ wo keŋkeŋ.”
Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi:
“Mibu eŋuti azɔ! Miyɔ nyɔnu avihadzilawo vɛ.
Miyɔ esiwo tea ŋu dzinɛ nyuie.
Mina woava kaba ne woadzi aviha na mí
va se ɖe esime aɖatsi nalolõ ɖe ŋku dzi na mí,
eye aɖatsi nado bababa tso míaƒe ŋku me.
Wose aviɣli le Zion.
‘Aleke wohetsrɔ̃ mí ale!
Aleke míaƒe ŋukpe lolo ale!
Ele be míadzo le míaƒe anyigba dzi,
elabena míaƒe aƒewo zu aƒedo!’ ”
Azɔ la, Oo nyɔnuwo,
mise Yehowa ƒe nya,
mike miaƒe towo ɖe eƒe numenyawo ŋuti.
Mifia mia vinyɔnuwo ale si woado ɣlii.
Mifia konyifaha mia nɔewo
Ku to míaƒe fesrewo nu ge ɖe mía dzi.
Ege ɖe míaƒe mɔ sesẽwo me.
Ekplɔ ɖeviwo dzoe le mɔtatawo dzi
eye wòɖe ɖekakpuiwo ɖa le dua ƒe ablɔ me.
Gblɔ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“ ‘Amegbetɔwo ƒe ŋutilã kukuwo akaka abe
gbeɖuɖɔ wolɔ kɔ ɖe agble dzi ene.
Woanɔ abe nukue nuŋela ŋe ƒo ɖi,
eye ame aɖeke meli afɔ wo o ene.’ ”
Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Nunyala megatsɔ eƒe nunya ƒo adegbee
alo ŋusẽtɔ natsɔ eƒe ŋusẽ aƒo adegbee
alo kesinɔtɔ natsɔ eƒe kesinɔnuwo aƒo adegbee o,
ke boŋ ame si aƒo adegbe la,
neƒo adegbe tso nu sia ŋu be,
yenyam hese gɔnyeme nyuie be nyee nye Yehowa,
ame si nye dɔmenyotɔ,
ʋɔnu dzɔdzɔe drɔ̃la kple dzɔdzɔetɔ le anyigba dzi
eye esiawo mee medzɔa dzi le,”
Yehowae gblɔe.
Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna, esi mahe to na ame siwo tso aʋa le ŋutilã me ko. Woawoe nye Egipte, Yuda, Edom, Amon, Moab kple ame siwo katã le dzogbenyigba siwo le didiƒe la dzi, elabena le nyateƒe me la, dukɔ siawo katã metso aʋa o. Israel ƒe aƒe blibo la gɔ̃ hã metso aʋa le dzi me o.”
Mawu kple legbawo
Mise nya si gblɔm Yehowa le na mi, O Israel ƒe aƒe Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Migasrɔ̃ dukɔwo ƒe mɔwo o.
Togbɔ be ŋɔdzi léa dukɔwo le dzesi
siwo dona ɖe dziŋgɔli ŋuti hã la,
womegado ŋɔdzi na miawo ya o.
Dukɔ siawo ƒe kɔnyinyiwo nye yaka.
Wotsoa ati le ave me eye atikpala tsɔa hɛ kpanɛ kple aɖaŋu.
Wotsɔa klosalo kple sika fana ɖe eŋuti.
Wotsɔa gatagbadzɛ klãnɛ ɖe enɔƒe be magamu o.
Woƒe aklamakpakpɛ siwo mate ŋu aƒo nu o la
le abe xevi nyanu le adzamatregble me ene.
Ele be woakɔ wo, elabena womate ŋu azɔ azɔli o.
Migavɔ̃ na wo o; womate ŋu awɔ vɔ̃ aɖeke mi
alo awɔ nyui aɖeke na mi o.”
O Yehowa, ame aɖeke mele abe wò ene o;
èlolo eye wò ŋkɔ nye ŋusẽ triakɔ.
Ame kae li si agbe wò bubu,
O dukɔwo ƒe Fia?
Elabena esiae nye tɔwò gome.
Nunyala siwo le dukɔwo
kple fiaɖuƒewo me la ƒe ɖeke mele abe wò ene o.
Wo katã wonye susumanɔsitɔwo kple numanyalawo.
Aklamakpakpɛ si mele ɖeke me o
lae nye woƒe nufiala.
Wotsɔa klosalo si woƒo gbabɛ la tsoa Tarsis
eye wotsɔa sika tsoa Ufaz.
Wotsɔa awu blɔtɔ kple dzĩtɔ dona na nu si atikpala
kple sikanutula wɔ, nu siwo nye aɖaŋudɔwɔlawo ƒe asinudɔwɔwɔwo.
Ke Yehowa koe nye nyateƒe ƒe Mawu,
eyae nye Mawu gbagbe kple Fia mavɔ.
Ne ebi dzi la, anyigba ʋuʋuna
eye dukɔwo mate ŋu anɔ te ɖe
eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la nu o.
“Gblɔ nya sia na wo, ‘mawu siawo, esiwo mewɔ dziƒo kple anyigba o la atsrɔ̃ le anyigba dzi kple dziƒoa te.’ ”
Ke Mawue wɔ anyigba kple eƒe ŋusẽ;
eyae na anyigba dzɔ to eƒe nunya me,
eye wòtsɔ eƒe nugɔmesese keke dziƒowo mee.
Ne eɖe gbe la, tsi siwo le dziƒowo tea gbe
eye wònana lilikpowo hona tso anyigba ƒe mlɔenu ke.
Eɖoa dzikedzo kple tsidzadza ɖa
eye wòɖea yaƒoƒo doa goe tso eƒe nudzraɖoƒewo.
Amegbetɔwo katã nye movitɔwo
eye nunya mele tagbɔ na wo o.
Sikanutula ɖe sia ɖe ƒe legbawo akpe ŋu nɛ.
Eƒe legbawo nye beble
elabena agbe mele wo me o.
Nu maɖinuwo kple alɔmeɖenuwo wonye,
ne woƒe ʋɔnudrɔ̃gbe ɖo la, woatsrɔ̃.
Ke ame si nye Yakob ƒe gome la,
mele abe esiawo ene o, elabena eyae nye nu sia nu wɔla
kple Israel ƒe ƒome si nye eƒe domenyinu la hã.
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ.
Gbegblẽ si gbɔna
Miƒo miaƒe nunɔamesiwo nu ƒu
ne miadzo le anyigba la dzi,
mi ame siwo aʋa xa aƒe na.
Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Le ɣeyiɣi sia me la,
matsɔ ame siwo le anyigba sia dzi la aƒu gbe.
Mana xaxa nava wo dzi ale be woate ŋu alé wo.”
Baba nam le abi si mexɔ la ta.
Nye abi la nye abi makumaku!
Gake megblɔ na ɖokuinye be,
“Esia nye nye dɔléle eya ta ele nam be manɔ te ɖe enu.”
Wogbã nye agbadɔ eye wolã eƒe kawo.
Vinye ŋutsuwo dzo eye womegali o.
Ame aɖeke mesusɔ si atu nye agbadɔ nam
alo akpe ɖe ŋunye awɔ gbɔɖemeƒe nam o.
Alẽkplɔlawo nye movitɔwo
eye womebiaa Yehowa ta sena o,
eya ta nu medzea edzi na wo o.
Ale woƒe alẽhawo hã kaka.
Ƒu to anyi, ɣli aɖe ɖi, ƒu to anyi, egbɔna,
hoowɔwɔ gã aɖe tso anyiehenyigba dzi gbɔna!
Awɔ Yuda duwo woazu aƒedo
kple nɔƒe na amegaxiwo.
Yeremia ƒe gbedodoɖa
O Yehowa, menya be amegbetɔ
ƒe agbe menye eya ŋutɔ tɔ o
eye menye amegbetɔ ƒe dɔ wònye be
wòalé eƒe mɔ atsɔ o.
Yehowa, ɖɔm ɖo, gake kple afiatsotso nyui,
menye le wò dziku me o. Ne menye nenema o la,
àwɔm mazu nu maɖinu.
Trɔ wò dɔmedzoe helĩhelĩ la kɔ ɖe dukɔ siwo menya wò o
kple ame siwo meyɔa wò ŋkɔ o la dzi.
Elabena wovuvu Yakob, wovuvui keŋkeŋ, eye wogblẽ eƒe nɔƒe.
Wotu nubabla la
Esiae nye gbe si tso Yehowa gbɔ va na Yeremia. “Ɖo to nubabla sia me nyawo ne nàgblɔ wo na Yudatɔwo kple ame siwo le Yerusalem. Gblɔ na wo be ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Fiƒode le ame si mewɔ ɖe nubabla sia me nyawo dzi o la dzi. Nya siwo ƒe se mede na mia fofowo esi mekplɔ wo do goe tso Egipte, tso galolõkpodzo me.’ Megblɔ be, ‘Miɖo tom, miwɔ nu siwo katã meɖo na mi, ekema mianye nye dukɔ eye nye hã manye miaƒe Mawu. Ekema mawɔ ɖe atam si meka na mia fofowo be matsɔ anyigba si le dzidzim kple notsi kple anyitsi na wo la dzi.’ Esiae nye anyigba si dzi miele egbea.”
Meɖo eŋu be, “Amen, Yehowa.”
Yehowa gblɔ nam be, “Ɖe gbeƒã nya siawo katã le Yuda duwo kple Yerusalem ƒe ablɔwo dzi be ‘Miɖo to nubabla sia me nyawo ne mialé wo me ɖe asi. Tso gbe si gbe mekplɔ mia fofowo do goe tso Egipte va se ɖe egbe sia la, mexlɔ̃ nu wo zi geɖe be, “Miɖo tom.” Ke womeɖo to alo see nam o, ke boŋ wodze woƒe dzi vɔ̃ɖiwo ƒe tosesẽ yome. Ale mehe fiƒode siwo katã megblɔ da ɖi ɖe nubabla la dzi dalawo ŋu la va wo dzi.’ ”
Tete Yehowa gblɔ nam be, “Nugbeɖoɖo aɖe le Yudatɔwo kple Yerusalem nɔlawo dome. Wotrɔ yi wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo gbɔ, ame siwo gbe nye gbe sese. Wokplɔ mawu bubuwo ɖo be yewoasubɔ wo. Israel ƒe aƒe la kple Yuda ƒe aƒe la siaa tu nubabla si mewɔ kple wo fofowo. Eya ta ale Yehowa gblɔe nye si, ‘Mahe gbegblẽ si nu womate ŋu asi le o la ava wo dzi togbɔ be woado ɣli ayɔm hã la, nyematɔ na wo o. Yuda ƒe duwo kple Yerusalem nɔlawo afa avi na woƒe mawu siwo wodoa dzudzɔ ʋeʋĩ na gake womate ŋu akpe ɖe wo ŋuti ne gbegblẽ siawo katã va ƒo ɖi o. O Yuda, wò mawuwo sɔ gbɔ abe wò duwo ene, eye nuxeƒe siwo nèɖo be yeanɔ dzudzɔ ʋeʋĩ dom na ŋukpenamawu, Baal la sɔ gbɔ abe Yerusalem ƒe ablɔwo ene.’
“Mègado gbe ɖa ɖe ame siawo ta o, mègaɖe kuku ɖe wo nu o, eye mègabia naneke na wo o, elabena ne woyɔm le xaxaɣi la, nyemaɖo to wo o.
“Nu ka wɔm nye lɔlɔ̃tɔ le le nye gbedoxɔ la me,
le esime wowɔ nu tovowo kple ame geɖewo?
Ɖe wò vɔsalã kɔkɔewo ate ŋu aɖe
wò le tohehe mea?
Elabena ne èle nu tovowo wɔm la,
dzi nɔa dzɔwòm.”
Yehowa na ŋkɔ wò be
amiti dama si dzi kutsetse nyuiwo le.
Gake le gbeɖeɖe aɖe abe ahom sesẽ ene me la,
ana dzo afiae
eye eƒe alɔdzewo hã afia keŋkeŋ.
Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ame si li ke wò la ɖo gbegblẽ ɖe ŋuwò elabena Israel ƒe aƒe kple Yuda ƒe aƒe wɔ vɔ̃ eye wodo dziku nɛ le ale si wodo dzudzɔ ʋeʋĩ na Baal la ta.
Nugbeɖoɖo ɖe Yeremia ŋu
Esime Yehowa ɖe woƒe nugbeɖoɖowo fiam la, menyae, elabena le ɣe ma yi la, efia nu siwo wɔm wonɔ lam. Menɔ abe alẽvi si wokplɔ yina wuwu ge la ene; nyemekpɔe dze sii be woɖo nugbe ɖe ŋutinye le gbɔgblɔm be,
“Mina míagblẽ ati la kple eƒe kutsetse,
mina míaɖee ɖa le agbagbeawo ƒe anyigba dzi,
ale be womagaɖo ŋku eƒe ŋkɔ dzi gbeɖegbeɖe o.”
Ke, O Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ,
wò ame si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe,
doa dzi kple tamesusu kpɔ la,
na makpɔ wò hlɔ̃biabia si le wo dzi va ge
elabena asiwò me metsɔ nye nya dee.
“Eya ta ale Yehowa gblɔ tso Anatɔt ŋutsuwo, ame siwo le wò agbe yome tim eye wole gbɔgblɔm be, ‘Mègagblɔ nya ɖi le Yehowa ƒe ŋkɔ me o, ne menye nenema o la, míawu wò.’ Le esia ta, ale Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Mahe to na wo. Woƒe ɖekakpuiwo atsi yi nu, dɔwuame atsrɔ̃ wo viŋutsuwo kple vinyɔnuwo. Ame aɖeke masusɔ o, elabena mahe dzɔgbevɔ̃e gã aɖe ada ɖe Anatɔt ŋutsuwo dzi le ƒe si meɖo be mahe to na wo la me.’ ”
Yeremia ƒe nyahehe
Oo, Yehowa, ne metsɔ nya ɖe ŋutiwò la,
wò nya dzɔna ɣe sia ɣi.
Gake mahe nya kpli wò tso wò ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti.
Nu ka ta ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ dzea edzi na wo ɖo?
Nu ka ta dzimaxɔsetɔwo nɔa agbe le dziɖeɖi me?
Èdo wo, woto ke eye wotsi hetse ku.
Wò ŋkɔ le nu na wo
gake woƒe dziwo le adzɔge tso gbɔwò.
Oo, Yehowa, ke wò la ènyam,
èkpɔm eye nèdo nye susuwo kpɔ tso ŋutiwò.
Eya ta he wo abe alẽwo ene nàkplɔ yi wuwuƒee!
Ɖe wo ɖe aga hena wuwuŋkeke la!
Va se ɖe ɣe ka ɣie ku naɖi le anyigba dzi
eye gbewo naƒu ase ɖo?
Esi edzinɔlawo nye ame vɔ̃ɖiwo ta la,
xewo kple lãwo siaa tsrɔ̃.
Gawu la, amewo le gbɔgblɔm be,
“Makpɔ nu si dzɔ ɖe mía dzi o.”
Mawu ƒe nyaŋuɖoɖo
“Ne èke duɖime kple amegbetɔwo
kple afɔ eye nu te ŋuwò la,
aleke nàte ŋu ake duɖime kple sɔwo?
Ne èle nu klim le anyigba si dzi kɔ nyuie dzi la,
aleke nàhawɔ le Yɔdan ƒe avekawo me?
Nɔviwò kple wò ŋutɔ
wò ƒometɔwo gɔ̃ hã de wò asi
eye wodo ɣli sesĩe ɖe tawò.
Togbɔ be woƒo nu nyuie le ŋutiwò hã la,
mègaɖo dzi ɖe wo ŋu o.
“Magbe nu le nye aƒe gbɔ
eye magble nye domenyinu ɖi.
Matsɔ ame si melɔ̃ la ade asi na eƒe futɔwo.
Nye domenyinu va le nam abe dzata si le ave me ene.
Ele gbe tem ɖe ŋutinye, eya ta melé fui ɖo.
Ɖe nye domenyinu mezu xeƒonu ŋɔŋɔe
si xeƒonu bubuwo ƒo xlãe eye wodze edzi oa?
Yi nàƒo lã wɔadãwo katã nu ƒu vɛ
ne woava vuvu nu.
Alẽkplɔla geɖewo agblẽ nye waingble
eye woanye avuzi le nye agble dzi.
Wole nye agble veviwo wɔ ge
woazu gbegbe ɖeɖe sɔŋ.
Wole ewɔ ge wòazu gbegbe
kple kuɖiɖinyigba si manyo na
naneke le ŋkunye me o.
Anyigba la katã azu aƒedo
elabena ame aɖeke manɔ anyi
si atsɔ ɖe le eme o.
Nugblẽlawo ava ƒo ɖe to ƒuƒluwo dzi le gbedzi
elabena Yehowa ƒe yi agblẽ nu tso anyigba
ƒe go sia dzi ayi ekemɛ dzi
eye ame aɖeke mato le eme o.
Woaƒã ƒo gake woaxa ŋu,
woaku kutri gake womakpɔ naneke tso eme o.
Eya ta, nuku siwo miexa la nakpe ŋu na mi
le Yehowa ƒe dziku helĩhelĩ la ta.”
Ale Yehowa gblɔe nye si, “Ke hena nye aƒelika vɔ̃ɖi siwo xɔ domenyinu si metsɔ na nye dukɔ Israel sesẽtɔe la, maho wo le woƒe anyigbawo dzi eye maho Yuda ƒe aƒe la le wo dome. Ne meho wo vɔ la, magakpɔ nublanui na wo, eye makplɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe va eƒe domenyinu gbɔ kple eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi. Ne wosrɔ̃ nye dukɔ ƒe mɔwo nyuie abe ale si woawo hã fia nye dukɔe be woayɔ Baal ata nui, eye wota nye ŋkɔ hegblɔ be, ‘Zi ale si Yehowa le agbe’ ene la, ekema maɖo wo te le nye dukɔ la dome. Ke ne dukɔ aɖe meɖo to o la, mahoe keŋkeŋ, eye matsrɔ̃e gbidii.” Yehowae gblɔe.
Aklala biɖibiɖi ƒe alidziblanu
Ale Yehowa gblɔ nam be, “Yi nàƒle alidziblanu si wowɔ kple aklala biɖibiɖi, eye nàtsɔe abla wò ali dzi. Ke mègana wòade tsi me o.” Ale meƒle alidziblanu la abe ale si Yehowa gblɔ nam ene, eye metsɔe bla nye ali dzi.
Tete Yehowa ƒe nya va nam zi evelia be, “Tsɔ alidziblanu si nèƒle tsɔ bla ali dzi la, nàyi ɖe Frat azɔ eye nàɣlae ɖe kpetome le afi ma.” Ale meyi ɖaɣlae ɖe Frat abe ale si Yehowa gblɔ nam ene.
Le ŋkeke geɖewo megbe la, Yehowa gblɔ nam be, “Yi ɖe Frat azɔ nàɖatsɔ alidziblanu si megblɔ na wò be nàɣla ɖe afi ma.” Ale meyi ɖe Frat ɖaku alidziblanu la le teƒe si meɣlae ɖo. Ke azɔ la mekpɔ be enyunyɔ eye ŋudɔwɔnu aɖeke megale eŋu o.
Yehowa ƒe gbe va nam be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Alea kee magblẽ Yuda ƒe dada kple Yerusalem ƒe dada gã la mee. Ame vɔ̃ɖi siawo, esi wogbe nye gbe sese hedze woƒe dziwo ƒe aglãdzedze yome eye woti mawu bubuwo yome be yewoasubɔ wo, ade ta agu na wo la, anɔ abe alidziblanu sia si ŋu wɔna aɖeke megale o la ene.’ Yehowa be, ‘Elabena, abe ale si alidziblanu nɔa ali dzii na ŋutsu ene la, nenema mebla Israel ƒe aƒe la katã kple Yuda ƒe aƒe la katãe ɖe ɖokuinye ŋu be woanye nye dukɔ, nye bubu, nye kafukafu kple nye atsyɔ̃ gake wogbe toɖoɖo.’
Lãgbalẽwaingoewo
“Gblɔ na wo be, ‘Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Miku wain ɖe lãgbalẽgoawo katã me.’ Eye ne woagblɔ na wò be, ‘Ɖe míenyae be ele be woaku wain ɖe goawo katã me o hã?’ la, ekema gblɔ na wo be, aleae Yehowa gblɔe nye esi: ‘Matsɔ ahamumu ayɔ ame siwo katã le anyigba la dzi mee fũu, fia siwo nɔ David ƒe fiazikpui dzi la hã anɔ eme hekpe ɖe nunɔlawo, nyagblɔɖilawo kple ame siwo katã le Yerusalem ŋuti. Yehowa be, matsɔ wo axlã ɖe wo nɔewo, fofowo kple viwo siaa, nyemana be nublanuikpɔkpɔ, amenuveve alo dɔmetɔtrɔ nawɔe be magbe wo tsɔtsrɔ̃ o.’ ”
Aboyomeyiyi ƒe ŋɔdzidodo
Misee, miƒu to anyi,
migado mia ɖokui ɖe dzi o,
elabena Yehowae ƒo nu.
Mitsɔ ŋutikɔkɔe na Yehowa,
miaƒe Mawu la hafi wòahe viviti vɛ,
hafi miaƒe afɔwo nanɔ nu klim
le togbɛ dovivitiwo dzi.
Miele mɔ kpɔm na kekeli,
ke ana wòazu viviti tsiɖitsiɖi
eye wòatrɔe wòazu blanuiléle ƒe blukɔ.
Ke ne mieɖo to o la,
mafa avi le bebeme le miaƒe dada ta.
Nye ŋkuwo afa avi vevie eye aɖatsi ado
le mo nam blobloblo
elabena woaɖe aboyo Yehowa ƒe alẽha la.
Gblɔ na fia la kple fiasrɔ̃ la be,
“Miɖi le miaƒe fiazikpuiwo dzi
elabena miaƒe atsyɔ̃fiakukuwo age le ta na mi.”
Woatu du siwo le gbegbe la ƒe agbowo
eye ame aɖeke meli si aʋu wo o.
Woaɖe aboyo Yudatɔwo katã
eye woakplɔ wo adzoe.
Mifɔ mo dzi ne miakpɔ
ame siwo gbɔna tso anyiehe.
Afi ka alẽha si wotsɔ de asi na mi la le,
alẽha si dzi miedana ɖo?
Nu ka nàgblɔ nenye be Yehowa tsɔ ame siwo nèhe be
woanye xɔ̃wòwo la ɖo tatɔwo na wò?
Ɖe màse veve abe nyɔnu si le ku lém la ene oa?
Ne èbia ɖokuiwò be,
“Nu ka ta nu sia dzɔ ɖe dzinye hã la
le wò nu vɔ̃ gbogboawo ta wovuvu avɔ
le ŋuwò eye wowɔ fu wò ŋutilã ɖo?
Ɖe Etiopiatɔ ate ŋu atrɔ eƒe ŋutigbalẽ
alo lãkle natrɔ agbalẽ ŋɔtaŋɔta si le eŋutia?
Nenema kee mi ame siwo vɔ̃wɔwɔ ma la,
miate ŋu awɔ nyui o.”
Yehowa be, “Makaka mi ahlẽ
abe ale si dzogbeya lɔa tsro ɖe nu ene.
Esiae nye tɔwò kple wò gomekpɔkpɔ
si meɖo ɖi na wò,
elabena ègblẽm ɖi hedze aʋatsomawuwo yome.
Maɖe avɔ le ŋuwò atsɔ atsyɔ mo na
wò be woakpɔ wò ŋukpeƒe,
wò ahasiwɔwɔ, wò ahiãgbetetewo
kple wò gbolowɔwɔ ŋukpemanɔmetɔe!
Mekpɔ wò ŋunyɔnuwɔwɔwo
le togbɛwo dzi kple baliwo me.
Oo, Yerusalem, babaa na wò.
Va se ɖe ɣe ka ɣi nàƒo ɖi ase ɖo?”
Gbeƒãɖeɖe kuɖiɖi, dɔtoto kple yi
Esiae nye Yehowa ƒe nya na Yeremia tso kuɖiɖi ŋuti.
“Yuda le nu xam,
eƒe duwo le fukpekpe me,
wole avi fam le anyigba la ta
eye Yerusalem ƒe ɣli le dzi dem.
Bubumewo dɔa woƒe dɔlawo ɖe tsikuƒe;
woyina ɖe vudowo to, gake womekpɔa tsi le wo me o.
Wotrɔna gbɔna kple ze ƒuƒluwo, ŋu kpea wo,
wobua mɔkpɔkpɔ eye wotsɔa nu tsyɔa ta.
Anyigba la katã wo gblogblogblo,
elabena tsi mele dzadzam ɖe edzi o;
agbledelawo ƒe mo tsi dãa, eye wotsyɔ nu ta.
Fɔmizi le gbe me gɔ̃ hã gblẽa via ɖi
elabena gbe mumu meli o.
Gbetedziwo tsia tsitre ɖe to ƒuƒluwo dzi
henɔa ya nom abe amegaxiwo ene.
Woƒe ŋkuwo dzi tsyɔna
elabena gbeɖuƒe aɖeke megali o.”
O Yehowa, togbɔ be míaƒe nu vɔ̃wo
le ɖase ɖim tso mía ŋuti hã la,
wɔ nane le wò ŋkɔ la ta, elabena míaƒe megbedede sɔ gbɔ,
eye míewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutiwò.
O Israel ƒe Mɔkpɔkpɔ,
eƒe Ɖela le xaxawo me;
nu ka ta nèle abe amedzro ene le anyigba dzi,
eye abe mɔzɔla si va anyi tsi ge
ŋkeke ɖeka ko ene?
Aleke nèle abe ame si nane wɔ nuku na alo
kalẽtɔ si ƒe ŋusẽ vɔ,
eye mate ŋu axɔ na ame o la ene?
O Yehowa, èle mía dome, eye wò ŋkɔ le mía ŋu
eya ta mègagblẽ mi ɖi o!
Ale Yehowa gblɔ tso dukɔ sia ŋutie nye esi:
“Wolɔ̃a tsaglalãtsatsa vivivo;
woƒe afɔwo menɔa teƒe ɖeka o,
eya ta Yehowa mexɔ wo o.
Azɔ la, àɖo ŋku woƒe nu tovowo wɔwɔ dzi,
eye woahe to na wo le woƒe nu vɔ̃wo ta.”
Tete Yehowa gblɔ nam be, “Mègado gbe ɖa be eme nanyo na dukɔ sia o. Nenye be wotsi nu dɔ hã la, nyemaɖo to woƒe ɣlidodo o. Nenye be wotsɔ numevɔsa kple nuɖuvɔsawo vɛ hã la, nyemaxɔ wo o, ke boŋ matsrɔ̃ wo kple yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃.”
Ke megblɔ be, “O Aƒetɔ Yehowa, Nyagblɔɖilawo le gbɔgblɔm na wo be, ‘Miakpɔ yi loo alo dɔwuame o. Le nyateƒe me, mana miakpɔ ŋutifafa mavɔ le teƒe sia.’ ”
Yehowa gblɔ nam be, “Nyagblɔɖilawo le aʋatsonyawo gblɔm le nye ŋkɔ me. Nyemedɔ wo alo ɖo wo alo ƒo nu na wo o. Wole alakpaŋutega, afakaka, trɔ̃subɔsubɔ kple beble siwo woƒe susuwo gblɔ na wo la gblɔm. Eya ta ale Yehowa gblɔ le nyagblɔɖila siwo le nya gblɔm ɖi le nye ŋkɔ me la ŋu. Nyemedɔ wo o, gake wole gbɔgblɔm be, ‘Yi alo dɔwuame atsrɔ̃ wo eye ame siwo wole nya gblɔm ɖi na la, woatsɔ wo akaka ɖe Yerusalem ƒe ablɔwo dzi le yi kple dɔwuame ta. Ame aɖeke manɔ anyi si aɖi woawo ŋutɔwo alo wo srɔ̃nyɔnuwo, wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo o. Matrɔ dzɔgbevɔ̃e si dze na wo la, akɔ ɖe wo dzi.’
“Gblɔ nya sia na wo be,
“ ‘Na be aɖatsi nasi tso nye ŋkuwo me zã
kple keli madzudzɔmadzudzɔe
elabena vinyenyɔnu si menya ŋutsu o,
ame si nye dukɔ la,
xɔ abi vevie le esi wogbãe ta.
Ne meyi ɖe gbedzi la,
mekpɔa ame siwo wowu kple yi la
ƒe ŋutilã kukuawo.
Ne mege ɖe dua me la,
mekpɔa nu si gblẽm dɔwuame le.
Nyagblɔɖilawo kple nunɔlawo siaa yi ɖe
anyigba si womenya o la dzi.’
“Ɖe nègbe Yuda gbidiia?
Ɖe wò dzi megaku ɖe Zion ŋu oa?
Nu ka ta nède abi mía ŋuti
ale gbegbe be míate ŋu akpɔ dɔyɔyɔ o?
Míekpɔ mɔ na ŋutifafa
gake nu nyui aɖeke meva na mí o.
Míekpɔ mɔ na dɔyɔyɔ, ke ŋɔdzi boŋue li.
O Yehowa, míedze si míaƒe nu tovowo wɔwɔ
kple mía fofowo ƒe nu vɔ̃wo.
Vavãe míewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutiwò.
Le wò ŋkɔ la ta, mègaɖe kɔ ɖa le mía ŋu o;
mègaɖe bubu le wò ŋutikɔkɔefiazikpui la ŋuti o.
Ɖo ŋku nu si nèbla kpli mí la dzi eye mègatui o.
Ɖe dukɔwo ƒe legba maɖinuwo dometɔ aɖe na tsi dza kpɔa?
Lilikpowo ŋutɔe dzaa tsia?
Ao, O Yehowa, míaƒe Mawu, wòe wɔnɛ.
Eya ta míaƒe mɔkpɔkpɔ le dziwò,
elabena wòe wɔa esiawo katã.”
Tete Yehowa gblɔ nam be, “Ne Mose kple Samuel tsi tsitre ɖe ŋkunye me gɔ̃ hã la, nye dzi matrɔ ɖe dukɔ sia ŋuti o. Eya ta, nya wo ɖa le ŋkunye me. Na woadzo! Ke ne wobia wò be, ‘Afi ka miayi hã’ la, gblɔ na wo be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“ ‘Ame siwo woɖo ɖi na ku la, ayi ku me.
Ame siwo woɖo ɖi na yi la, atsi yi nu.
Ame siwo woɖo ɖi na dɔwuame la atsi dɔwuame ƒe asi me.
Eye ame siwo woɖo ɖi na aboyomeyiyi la, ayi aboyome.’ ”
Yehowa be, “Maɖo nugblẽla ƒomevi ene ɖe wo: yi be wòawu ame, avu be wòahe wo adzoe, dziƒoxeviwo kple anyigbadzilã wɔadãwo be, woavuvu wo eye woatsrɔ̃ wo. Mawɔ wo woanye ŋunyɔnu na anyigbadzifiaɖuƒewo le nu si Hezekia ƒe vi, Manase, Yuda fia wɔ le Yerusalem ta. Yehowa be,
“O Yerusalem, ame kae akpɔ nublanui na wò?
Ame kae afa na wò?
Ame kae atɔ, abia wò agbe ta se?
Ègbe nu le gbɔnye,
ègale megbedede dzi eya ta malé wò,
atsrɔ̃ wò.
Nyemagate ŋu akpɔ nublanui na wò o.
Magbɔ wò kple nugbɔnu le anyigba sia ƒe agbowo nu.
Mana kunyawo nadzɔ ɖe wo dzi eye matsrɔ̃ dukɔ sia
elabena wometrɔ le woƒe mɔwo dzi o.
Mana woƒe ahosiwo nasɔ gbɔ wu ƒutake.
Le ŋdɔkutsu dzeati makplɔ nugblẽla vɛ,
wòava ƒo ɖe ɖekakpuiwo dadawo dzi.
Mahe vevesese kple ŋɔdzi va wo dzi kpoyi!
Nu ate vi adre dzila ŋu, eye wòaɖe asi le eƒe luʋɔ ŋu.
Eƒe ɣe aɖo to le ŋdɔ.
Woado vloe eye wòaɖu ŋukpe.
Mana ame siwo susɔ la natsi yi nu le
woƒe futɔwo ƒe ŋkume,”
Yehowae gblɔe.
Danye, baba be nèdzim.
Nye ame si anyigba blibo la le avu wɔm,
le nya hem kplii!
Nyemedo nugbana na ame aɖeke o,
eye ame aɖeke hã medo nugbana nam o,
gake ame sia ame le fi ƒom le deyem.
Yehowa be,
“Vavã maɖe wò kokoko le susu nyui aɖe ta.
Le nyateƒe me, mana wò ketɔwo naɖe kuku na wò
le gbegblẽ kple xaxa ƒe ɣeyiɣiwo me.
“Ɖe ame ate ŋu aŋe gayibɔ alo akɔbli si tso anyiehea?
“Wò nu xɔasiwo kple wò kesinɔnuwo la,
matsɔ wo ana abe nuhaha ene femaxee le wò nu vɔ̃
siwo nèwɔ le wò dukɔ me godoo la ta.
Mana nànye kluvi na wò futɔwo
le anyigba si mènya o la dzi elabena nye dziku azu dzo abi ɖe ŋutiwò.”
O Yehowa, èse egɔme eya ta ɖo ŋku dzinye
eye nàkpɔ tanye. Bia hlɔ̃ yonyemetilawo;
le wò dzigbɔgbɔ blewuu me la, mègakplɔm dzoe o.
Bu ale si mexɔ vlododo le tawòe la ŋuti.
Esi wò nyawo va la, meɖu wo,
wovivi nunye eye wonye nye dzi ƒe dzidzɔ,
elabena wò ŋkɔ le ŋunye,
O Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu.
Nyemenɔ anyi ɖe aglotulawo ƒe hame kpɔ loo
alo kpɔ dzidzɔ kpli wo kpɔ o.
Nye ɖeka koe nɔ anyi elabena wò asi le dzinye
eye nètsɔ dziku yɔ menye.
Nu ka ta nye vevesese nu mele tsotsom o
eye nye abiwo lolo ɖe edzi hezu abi makumakuwo?
Ɖe nànɔ nam abe bleziblezita alo vudo
si megale tsi dzim o la enea?
Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Ne mietrɔ dzi me la, magaɖo mi te be miasubɔm.
Ne miagblɔ nya vavãwo, ke menye nya maɖinyawo o,
magana mianye nye amewo.
Na ame siawo natrɔ ɖe ŋuwò, ke wò màtrɔ ɖe wo ŋu o.
Mawɔ wò nànye gli na ame siawo
eye nànye akɔbligli sesẽ na wo.
Woawɔ avu kpli wò, gake womaɖu dziwò o,
elabena meli kpli wò be maxɔ na wò.
Maxɔ wò le ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me,
eye maɖe wò le ŋutasẽlawo ƒe fego me.”
Yehowae gblɔe.
Gbegblẽ ƒe ŋkeke
Yehowa ƒe nya va nam be, “Mègaɖe srɔ̃ be nàdzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo ɖe teƒe sia o” Elabena ale Yehowa gblɔ tso ŋutsuvi kple nyɔnuvi siwo wodzi ɖe anyigba sia dzi, wo dadawo kple wo fofowo ŋutie nye esi: “Dɔ vɔ̃wo ava wu wo, womafa na wo alo aɖi wo o, ke boŋ woanɔ abe gbeɖuɖɔ ene le anyigba. Woatsrɔ̃ le yi kple dɔwuame ta, eye woƒe ŋutilã kukuawo anye nuɖuɖu na dziƒoxeviwo kple lã wɔadã siwo le anyigba dzi.”
Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi: “Mègayi kuteƒe nàɖu nu o, mègayi afa kple kutɔwo alo aɖe wò konyifafa afia o, elabena meɖe nye yayra, nye lɔlɔ̃ kple nye nublanuikpɔkpɔ ɖa le dukɔ sia dzi.” Yehowae gblɔe. “Amegãwo kple ame gblɔewo siaa aku le anyigba sia dzi. Womaɖi wo alo afa na wo o, eye ame aɖeke maxa ɖe wo ta asi eɖokui alo alũ eƒe taɖa o. Ame aɖeke maɖa nu aka na konyifalawo, atsɔ afa akɔe na wo o. Nenye wo fofo alo wo dada gɔ̃ hãe la, ame aɖeke mana aha wo teti atsɔ afa akɔe na wo o.
“Ne wole nu ɖum le dzidzɔ kpɔm le aƒe aɖe me la, mègage ɖe aƒe ma me nanɔ anyi be yeaɖu nu, ano nu o. Elabena ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Le wò ŋkume kple wò ŋkekewo me, matɔ te dzidzɔkpɔkpɔ kple aglotutu ƒe ɣliwo eye womagase ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbewo le teƒe sia o.’
“Ne ègblɔ nya siawo katã na dukɔ sia eye wobia wò be, ‘Nu ka ta Yehowa ɖo gbegblẽ gã sia ɖi ɖe mia ŋuti? Vodada kae miewɔ eye nu vɔ̃ kae miewɔ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋuti hã?’ la, ekema nàgblɔ na wo be elabena mia fofowo gblẽm ɖi hedze mawu bubuwo yome; wosubɔ wo eye wode ta agu na wo. Wogbem eye womelé nye seawo me ɖe asi o. Ke miawo la, miewɔ nu vɔ̃ɖi wu mia fofowo. Kpɔ ale si mia dometɔ ɖe sia ɖe dze eƒe dzi vɔ̃ɖi ƒe aglãdzedze yomee hegbe toɖoɖom ɖa! Eya ta matsɔ mi aƒu gbe tso anyigba sia dzi aɖo ɖe anyigba si miawo alo mia fofowo menya o la dzi. Le afi ma miasubɔ Mawu bubuwo zã kple keli elabena nyemave mia nu o” Yehowae gblɔe.
“Yehowa be, gake ŋkekewo li gbɔna esi amewo magagblɔ be, ‘Meta Yehowa si kplɔ Israelviwo tso Egipte ƒe agbe’ o. Ke boŋ woagblɔ be, ‘Meta Yehowa si kplɔ Israelviwo tso anyiehenyigba dzi kple dukɔ siwo katã me wonya wo ɖo ɖa la ƒe agbe.’ Elabena magbugbɔ wo aɖo te le anyigba si metsɔ na wo fofowo la dzi.
“Yehowa be, ‘Ke azɔ la, madɔ ame ɖe ɖɔkplɔla geɖewo eye woaɖe wo. Le esia megbe la, madɔ ame ɖe adela geɖewo eye woayɔ wo ɖe nu tso towo, togbɛwo dzi kple agadowo me. Elabena nye ŋku le woƒe mɔwo katã ŋu, womele ɣaɣla ɖem o eye woƒe nu vɔ̃wo hã meɣla ɖe nye ŋkuwo o. Maɖo eteƒe na wo zi eve le woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi kple woƒe nu vɔ̃wo ta, elabena wodo gu nye anyigba kple woƒe aklamakpakpɛwo, eye woli legba nyɔŋuwo ɖe nye domenyinu la dzi fũu.’ ”
O Yehowa, nye ŋusẽ kple nye mɔ sesẽ,
nye sitsoƒe le hiahiãgbe,
gbɔwòe dukɔwo ava tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke, agblɔ be,
“Alakpamawuwo koe mia fofowo tsɔ nyi domee;
toflokolegbawo wonye, eye womehe nu nyui
aɖeke vɛ na wo o.
Ɖe amewo wɔa woawo ŋutɔ ƒe mawuwoa?
Ɛ̃, gake menye mawuwoe wonye o!”
“Eya ta mafia wo, ke azɔ la,
mafia nye ŋusẽ kple nye sesẽ wo.
Ekema woadze sii
be nye ŋkɔe nye Yehowa.
“Wotsɔ ganuŋlɔnu kple nuŋlɔti
si kpe xɔasi aɖe le nugbɔ na la ŋlɔ Yuda ƒe nu vɔ̃ ɖe
woƒe dziwo ƒe nuŋlɔkpewo dzi,
kple woƒe vɔsamlekpuiwo ƒe dzowo ŋuti.
Wo viwo gɔ̃ hã ɖo ŋku woƒe vɔsamlekpuiwo
kple aƒeli siwo le wo ŋuti le ati damawo te
kple togbɛ kɔkɔwo dzi la dzi.
Matsɔ nye to si le anyigba dzi,
miaƒe nu xɔasiwo kple miaƒe kesinɔnuwo katã ana
woaha hekpe ɖe miaƒe nuxeƒewo ŋuti le nu vɔ̃
si miewɔ le miaƒe anyigba blibo la dzi la ta.
To miawo ŋutɔ ƒe vodada me la,
miabu domenyinu siwo katã metsɔ na mi.
Mana miazu kluviwo na miaƒe futɔwo
le anyigba si mienya o la dzi
elabena miede dzo nye dɔmedzoe me
eya ta abi ɖe mia ŋuti ɖaa.”
Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Aɖi ame si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe amegbetɔ dzi,
hetsɔ ŋutilã wɔ eƒe ŋusẽkpɔtsoƒee
eye eƒe dzi te ɖa xaa tso Yehowa gbɔ la ŋuti kpekpekpe!
Anɔ abe gbe le dzogbenyigba dzi ene
eye ne dzɔgbenyui va la, makpɔe o.
Anɔ gbegbe ƒe kuɖiɖinyigbawo dzi
kple dzeƒutagba afi si ame aɖeke menɔna o.”
“Ke woayra ŋutsu si ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu
eye wòtsɔa eƒe dzideƒo dea Yehowa me.
Eya amea anɔ abe ati si wodo ɖe tɔ to,
eye wòƒo ke ɖe tɔʋu la te ene.
Ne ŋdɔ le ʋuʋum sesĩe hã la,
mevɔ̃na o eye eƒe aŋgbawo hã daa ama ɣe sia ɣi.
Eƒe dzi metsona le kuɖiɣi o eye wòtsea ku ɖaa.”
Ame ƒe dzi nye nu si daa alakpa wu nuwo katã
eye womate ŋu ayɔ dɔe o. Ame ka ate ŋu ase egɔme?
“Nye Yehowae dzroa dziwo me,
eye medoa susuwo kpɔ be maɖo eteƒe na
ame sia ame ɖe eƒe zɔzɔme kple nu si
eƒe nuwɔwɔwo dze na la nu.”
Abe ale si koklo ƒoa azi si menye etɔ o ene la,
nenemae wòanɔ na ame si ƒo kesinɔnuwo nu
ƒu to mɔ fitifitiwo dzi.
Kesinɔnuawo avɔ le esi le eƒe agbe me, eye le nuwuwu la,
aɖee afia be yenye bometsila.
Ŋutikɔkɔe ƒe fiazikpui si wodo ɖe dzi
le gɔmedzedzea me ke lae nye teƒe
si miaƒe kɔkɔeƒe la le.
O Yehowa, Israel ƒe mɔkpɔkpɔ,
ame siwo katã gbe wò la, ŋu akpe wo.
Ame siwo trɔ le yowòme la,
woaŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖe kewɔ me
elabena wogbe nu le Yehowa,
agbetsivudo la gbɔ.
Yɔ dɔm, O Yehowa eye makpɔ dɔyɔyɔ.
Ɖem ekema makpɔ ɖeɖe elabena wòe mekafuna.
Wole biayem ɖaa be,
“Afi ka Yehowa ƒe nya la le?
Neva eme azɔ!”
Nyemesi dzo be nyemaganye wò alẽkplɔla o;
ènya be ŋkeke vɔ̃ la hã medzrom o.
Nu siwo katã megblɔ kple nye nu la,
le ƒeƒle le ŋkuwòme.
Mèganye ŋɔdzinu nam o
elabena wòe nye nye sitsoƒe
le gbegblẽ ƒe ŋkeke la dzi.
Na ŋu nakpe yonyemetilawo, ke nye ya,
ɖem tso ŋukpe me.
Dzidzi neƒo wo, gake nye ya ŋɔ megadzim o.
Na gbegblẽ ƒe ŋkeke la nava wo dzi eye nàgbã wo,
agagbã wo ɖe edzi.
Miwɔ Sabat la kɔkɔe
Ale si Yehowa gblɔ nam lae nye esi: “Yi, nàtsi tsitre ɖe agbo si me dua me tɔwo kple Yuda fiawo tona dona, gagbɔna la nu. Nenema ke, nàtsi tsitre ɖe agbo bubu siwo woɖo ɖe Yerusalem dua ŋu la nu. Gblɔ na wo be, ‘Mise Yehowa ƒe nya, O Yuda fiawo kple mi Yudatɔwo katã kple mi ame siwo katã le Yerusalem, ame siwo toa agbo siawo me.’ Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Mikpɔ nyuie be miagatsɔ agba aɖeke le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi alo atsɔe ato Yerusalem ƒe agbowo mee o. Migatsɔ agba aɖeke do goe tso miaƒe aƒewo me loo alo awɔ dɔ aɖeke le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi o, ke boŋ miwɔ Dzudzɔgbe ŋkeke la kɔkɔe abe ale si mede see na mia fofowo la ene. Gake womeɖo to alo ƒu to anyi o. Wonye kɔlialiatɔwo eye womeɖo to alo bɔbɔ ɖe hehe te o. Ke Yehowa be ne miedze kɔ anyi heɖo tom, eye mietsɔ agba aɖeke to du sia ƒe agbowo me le Dzudzɔgbe dzi o, ke boŋ miewɔ Dzudzɔgbe ŋkeke la kɔkɔe, eye miewɔ dɔ aɖeke le edzi o la, ekema fia siwo anɔ David ƒe fiazikpui dzi la, ava to du sia ƒe agbowo me kple woƒe dumegãwo. Wo kple woƒe dumegãwo anɔ tasiaɖamwo me kple sɔwo dzi ava, Yudatɔwo kple ame siwo le Yerusalem la akplɔ wo ɖo eye du sia anye amenɔƒe tegbee. Amewo ava tso Yuda duwo kple kɔƒe siwo ƒo xlã Yerusalem la me, woava tso Benyaminyigba dzi kple ɣetoɖoƒebaliwo me, tso keke togbɛnyigbawo dzi kple gbegbenutowo me. Woatsɔ numevɔsawo, akpedavɔsawo, nuɖuvɔsawo, atike ʋeʋĩwo kple kafukafuvɔsawo ava Yehowa ƒe aƒe mee. Gake ne miegbe toɖoɖom, miewɔ Dzudzɔgbe la kɔkɔe o, mietsɔ agba to Yerusalem ƒe agbowo me le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi la, ekema mado dzo matsimatsi ɖe Yerusalem ƒe agbowo nu eye wòafia eƒe mɔ sesẽwo.’ ”
Le zemela ƒe aƒe me
Esiae nye Yehowa ƒe gbe si va na Yeremia, “Tso nàyi ɖe zemela ƒe aƒe me, eye le afi ma matsɔ nye gbedeasi na wo.” Ale meyi ɖe zemela ƒe aƒe me eye mekpɔe wònɔ dɔ wɔm le zemenu dzi. Ke ze si mem wòle la gbã ɖe eƒe asiwo me, eya ta zemela la tsɔ anyi la me ze bubu ale si dze eya zemela la ŋu.
Tete Yehowa ƒe gbe va nam bena, “Yehowa be O Israel ƒe aƒe, ɖe nyemate ŋu awɔ na wò abe ale si zemela sia wɔ ene oa? O Israel ƒe aƒe, abe ale si anyi nɔa zemela ƒe asi me ene la, nenema miele nye asimee. Ne ɣe aɖe ɣi meɖe gbeƒã be maho dukɔ alo fiaɖuƒe aɖe kple ke, agbãe, ahatsrɔ̃e, eye dukɔ si ŋu megblɔ nya la ɖo la trɔ le eƒe mɔ vɔ̃wo dzi vavã la, ekema matrɔ susu eye nyemagahe gbegblẽ si meɖo ɖe eŋuti la ava edzi o. Ke ne meɖe gbeƒã ɣe bubu ɣi be maɖo dukɔ alo fiaɖuƒe aɖe te, ahade eƒe agunu to gake wòwɔ nu si nye vɔ̃ le nye ŋkume eye meɖo tom o la, ekema matrɔ susu le nu nyui si meɖo be mawɔ nɛ hafi la ŋuti.
“Azɔ gblɔ na ame siwo le Yuda kple Yerusalem be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Kpɔ ɖa, meɖo gbegblẽ ɖe mia ŋu eye mele nugbe ɖom ɖe mia ŋu. Mia dometɔ ɖe sia ɖe netrɔ le eƒe mɔ vɔ̃wo dzi eye miaɖɔ miaƒe mɔwo kple wɔnawo ɖo.’ Gake woaɖo eŋu be, ‘Mehiã o; miayi edzi awɔ miaƒe lɔlɔ̃nu eye mia dometɔ ɖe sia ɖe adze eƒe dzi vɔ̃ɖi kple aglãdzenuwo yome.’ ”
Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Mibia le dukɔwo dome be,
ame kae se esia tɔgbi kpɔ mahã?
Ɖetugbi dzadzɛ, Israel,
wɔ ŋunyɔnu si teƒe mekɔ o.
Ɖe tsikpe si dzana ɖe Lebanon ƒe
agakpewo kɔgo la vɔna?
Ɖe eƒe tsi fafɛ si sina toa dukɔ la me
tso teƒe didiwo la nu tsona?
Ke nye amewo ŋlɔm be hedoa dzudzɔ ʋeʋĩ na legba
maɖinu siwo nana be woklia nu le
woƒe toƒewo kple blemamɔwo dzi.
Wonana be wozɔa mɔ siwo to duwo xa
kple mɔ siwo menye mɔ dodowo o la dzi.
Woana woƒe anyigba nazu gbegbe,
eye woazu alɔmeɖenu tegbee.
Ame siwo katã ato afi ma ayi la,
ƒe mo awɔ yaa, eye woaʋuʋu ta.
Makaka wo le woƒe futɔwo ŋgɔ abe ɣedzeƒeya ene.
Matrɔ nye megbe ade wo le woƒe dzɔgbevɔ̃e
ƒe ŋkeke la dzi, ke menye nye ŋkume o.”
Tete wogblɔ be, “Miva, mina míaɖo nugbe ɖe Yeremia ŋu, elabena mele be nunɔlawo ƒe se la fiafia, nunyalawo ƒe aɖaŋudede alo nyagblɔɖilawo ƒe nyawo nabu o, eya ta miva míawɔ avu kplii kple míaƒe aɖewo, eye míado toku nu sia nu si wòagblɔ.”
Yehowa, ɖo tom, se nu si gblɔm nunyetsolawo le la ɖa!
Ɖe woatsɔ vɔ̃ aɖo nyui teƒea?
Ke woɖe ʋe ɖi nam.
Ɖo ŋku edzi be metsi tsitre ɖe ŋkuwòme
ɖe kuku ɖe wo ta be nàtsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo
ne màgatrɔ wò dɔmedzoe akɔ ɖe wo dzi o.
Eya ta tsɔ wo viwo de asi na dɔwuame,
tsɔ wo de asi na yi ƒe ŋusẽ.
Na be wo srɔ̃wo nazu konɔwo kple ahosiwo,
na be woawu wo srɔ̃ŋutsuwo,
eye woƒe ɖekakpuiwo natsi yi nu le aʋagbedzi.
Na be avifafa naɖi le woƒe aƒewo me
ne èkplɔ adzohawo va ƒo ɖe wo dzi kpoyi,
elabena woɖe ʋe ɖi be mage ɖe eme ne yewoalém,
eye woɖo mɔ ɖi na nye afɔwo.
O Yehowa, wò la, ènya nugbe si woɖo ɖe ŋunye be yewoawum.
Mègatsɔ woƒe hlɔ̃dodowo ke alo nàtutu
woƒe nu vɔ̃wo ɖa le ŋkuwòme o.
Na be woatsɔ wo axlã ɖe anyi le ŋkuwòme,
eye nàtu nu kpli wo le wò dzikudogbe.
Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Yi ɖaƒle ze le zemela si; kplɔ dumegã kple nunɔla tsitsi aɖewo ɖe asi, ne miayi ɖe Ben Hinom ƒe Balime si te ɖe agbo si woyɔna be Zemegbo la ŋu. Le afi ma la, ɖe gbeƒã nya siwo magblɔ na wò. Gblɔ be, ‘Mise Yehowa ƒe nya. O mi Yuda fiawo kple Yerusalem nɔlawo, ale Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Miɖo to afii! Mele gbegblẽ he ge ava teƒe sia eye ame sia ame si ase nya sia la ƒe towo me aɖi yeeŋ. Elabena wogblẽm ɖi hetsɔ teƒe sia wɔ dzromawuwo ƒe nɔƒee. Wodo dzudzɔ ʋeʋĩ na mawu siwo woawo ŋutɔ, wo fofowo alo Yuda fiawo gɔ̃ hã menya o. Ale teƒe sia yɔ fũu kple ʋu maɖifɔwo. Wotu nuxeƒewo na Baal be woatɔ dzo woƒe ŋutsuviwo le afi ma abe vɔsa na Baal ene, nu si nyemeɖo na wo alo gblɔ na wo kaka wòayi nye ta me va ge o. Eya ta Yehowa be mikpɔ nyuie elabena ŋkekewo li gbɔna, esi amewo magayɔ teƒe sia be Tofet alo Ben Hinom ƒe Balime o, ke boŋ woayɔe be Kubalime.
“ ‘Magblẽ Yuda kple Yerusalem ƒe ɖoɖowo me le teƒe sia. Mana woadze anyi le woƒe futɔwo ŋgɔ, ahatsi woƒe yi nu. Ɛ̃, woatsi ame siwo le woƒe agbe yome tim la ƒe asi me, eye matsɔ woƒe ŋutilã kukuawo awɔ nuɖuɖu na dziƒoxeviwo kple lã wɔadãwo. Magbã du sia gudugudu eye mana wòazu alɔmeɖenu. Ame siwo katã ato afi ma ayi la ƒe mo awɔ yaa eye woaɖu fewu le eŋu le ale si wogbãe la ta. Mana woalé wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo aɖa aɖu. Woalé wo nɔewo aɖu le xaxa gã si ava wo dzi ne woƒe futɔ siwo le woƒe agbe yome tim la ɖe to ɖe wo?’
“Emegbe, gbã ze la le ame siwo nèkplɔ ɖe asi la ŋkume, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Magbã dukɔ sia kple du sia gudugudu abe ale si zemela ƒe ze sia gbãe eye womagate ŋu atree o la ene. Woaɖi woƒe ame kukuwo ɖe Tofet va se ɖe esime teƒe maganɔ anyi o. Yehowa be, aleae mawɔ teƒe sia kple emenɔlawo katãe. Mawɔ du sia abe Tofet ene. Aƒe siwo le Yerusalem kple Yuda fiawo ƒe aƒewo la, woagblẽ kɔ ɖo na wo abe Tofet ƒe nɔƒe ene ɖe aƒe siwo katã ƒe tame wodo dzudzɔ ʋeʋĩ le na dziƒoŋunuwo le eye woƒo aha ɖi na mawu bubuwo la ta.’ ”
Tete Yeremia trɔ tso Tofet, afi si Yehowa dɔe ɖo be wòagblɔ nya ɖi heva tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe aƒe la ƒe xɔxɔnu eye wògblɔ na ameha la bena, “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ kple Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Kpɔ ɖa, mahe gbegblẽ siwo megblɔ ɖi ɖe du sia kple du bubu siwo ƒo xlãe ŋuti la ava wo dzi elabena wonye kɔlialiatɔwo eye wogbe be yewomaɖo to nye nyawo o.’ ”
Yeremia kple Pasur
Esi nunɔla Pasur, Imer ƒe vi, Yehowa ƒe gbedoxɔ me ƒe dɔnunɔlagã la se Yeremia wònɔ nya siawo gblɔm ɖi la, ena woƒo Nyagblɔɖila Yeremia eye wodee kunyowu me, tsi ɖe Benyamingbo dzigbetɔ si le Yehowa ƒe gbedoxɔ nu la ŋu. Esi ŋu ke eye Parsur ɖee le game la, Yeremia gblɔ nɛ be, “Yehowa ƒe ŋkɔ si wòtsɔ na wòe nye, ame si ŋɔdzi ƒo xlãe, ke menye Pasur o; elabena ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Mawɔ wò nàzu ŋɔdzi na ɖokuiwò kple xɔ̃wòwo katã. Wò ŋutɔ wò ŋkuwo akpɔ ale si xɔ̃wòwo atsi woƒe futɔwo ƒe yi nue. Makplɔ Yuda katã ade asi na Babilonia fia, ame si aɖe aboyo wo ayi Babilonia alo awu wo kple yi. Matsɔ du sia ƒe kesinɔnuwo, adzɔnuwo, nu xɔasiwo kple Yuda fia ƒe kesinɔnuwo adzoe. Woatsɔ wo adzoe abe nuhaha ene ayi Babilonia kee. Ke wò Pasur kple ame siwo katã le wò aƒe me la, woakplɔ mi ayi aboyo me le Babilonia. Afi ma miaku ɖo eye afi ma woaɖi mi ɖo, wò kple xɔ̃wo siwo nègblɔ aʋatsonyagblɔɖiwo na.’ ”
Yeremia fa konyi
O Yehowa, èblem eye mexɔ beblenya dzi se;
èƒo nya ɖe nunye eye nèɖu dzinye.
Ɣe sia ɣi wole alɔme ɖem le ŋunye
eye ame sia ame le koyem.
Ɣe sia ɣi ne mebe maƒo nu la,
medoa ɣli heɖea gbeƒã ʋunyaʋunya kple tsɔtsrɔ̃,
ale Yehowa ƒe nya hea dzu
kple vlododo vɛ nam ɣe sia ɣi.
Ke ne megblɔ be, “Nyemagayɔ eƒe ŋkɔ
alo agaƒo nu le eƒe ŋkɔ me o” la,
eƒe nya nɔna abe dzo ene le nye dzi me,
eye abe dzo bibi nue wotu nu ɖo
le nye ƒu tome ene.
Etsɔtsɔ ti kɔ nam.
Vavã nyemagate ŋui o.
Mese ame geɖewo le dalĩ dom be,
“Ŋɔdzi ƒo xlãe! Mitrɔ eta! Mina míadee asi!”
Xɔ̃nyewo katã le klalo na
nye anyidzedze le gbɔgblɔm be,
“Ɖewohĩ woablee ekema míaɖu edzi eye míabia hlɔ̃e.”
Ke Yehowa li kplim abe aʋawɔla kalẽtɔ ene,
eya ta yonyemetilawo akli nu eye womaɖu dzi o.
Woƒe ɖoɖowo me agblẽ
eye woaɖu ŋukpe vevie,
bubu si woɖe le wo ŋu la,
womaŋlɔe be akpɔ o.
O Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ,
wò ame si doa ame dzɔdzɔewo kpɔ,
eye nèdzroa woƒe dzi kple tamesusuwo me,
na makpɔ ale si nàbia hlɔ̃ woe
elabena wòe metsɔ nye nya de asi na.
Midzi ha na Yehowa!
Mitsɔ kafukafu na Yehowa!
Eɖe hiãtɔwo ƒe agbe tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me.
Aɖi gbe si gbe wodzim la ŋu kpekpekpe.
Yayra meganɔ gbe si gbe danye dzim la dzi o!
Fiƒode nenɔ ame si tsɔ dzidzɔnya
sia yi na fofonye be,
“Wodzi viŋutsu na wò” la dzi!
Nenɔ na ŋutsu ma abe du siwo Yehowa gbã
nublanuimakpɔmakpɔtɔe la ene.
Nese aviɣli le ŋdi me kple aʋaɣli le ŋdɔ me,
elabena mewum ɖe vidzidɔ me be
danye nanye yɔdo nam,
eye eƒe vidzidɔ nalolo tegbee o.
Nu ka ta medo go le vidzidɔ me be
makpɔ fukpekpe kple nuxaxa
eye nye ŋkekewo nawu nu le ŋukpe me?
Mawu mewɔ Zedekia ƒe dzimedidi dzi nɛ o
Gbedeasi sia va na Yeremia tso Yehowa gbɔ esi Fia Zedekia dɔ Pasur, Malkiya ƒe vi kple nunɔla Zefania, Maaseya ƒe vi ɖe egbɔ. Wogblɔ na Yeremia be, “Bia gbe Yehowa na mí elabena Babilonia fia, Nebukadnezar ho aʋa ɖe mía ŋu. Ɖewohĩ Yehowa awɔ nukunu na mí abe ale si wòwɔe le blemaɣeyiɣiwo me ene, ale be wòatrɔ adzo le mía gbɔ.”
Tete Yeremia ɖo eŋu na wo be, “Migblɔ na Zedekia be, ‘Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Kpɔ ɖa, matrɔ aʋawɔnu siwo le asiwò la ɖe ŋutiwò, aʋawɔnu siwo nètsɔ le aʋa wɔm kple Babilonia fia kple Babiloniatɔ siwo ɖe to ɖe dua le aʋa wɔm kpli wò. Makplɔ wo aƒo ƒu ɖe du sia titina. Nye ŋutɔ matsɔ alɔ si le dzi kple alɔ sesẽ awɔ aʋa kpli mi le dziku, dɔmedzoe kple vevesese helĩhelĩ me. Maƒo du sia me nɔlawo aƒu anyi, amegbetɔwo kple lãwo siaa eye dɔvɔ̃ awu wo. Yehowa be le esia megbe la, matsɔ Yuda fia Zedekia, eƒe dumegãwo kple du sia me nɔla siwo dɔvɔ̃, yi kple dɔwuame mewu o la ade asi na Nebukadnezar, Babilonia fia kple woƒe ketɔ siwo le woƒe agbe yome tim. Awu wo kple yi, mave wo nu, akpɔ nublanui na wo loo alo anyo dɔ me na wo o.’
“Gawu la, gblɔ na dukɔ la be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Kpɔ ɖa, metsɔ agbemɔ kple kumɔ le mia ŋkume ɖom. Ame si atsi du sia me la, yi, dɔwuame alo dɔvɔ̃ awui, ke ame si tsɔ eɖokui na Babiloniatɔ siwo ɖe to ɖe dua la maku o, ke boŋ aɖe eƒe agbe. Meɖo vɔ̃ ɖe du sia ŋuti kplikpaa, ke menye nyui o. Woatsɔe ade asi na Babilonia fia, eye wòagbãe, atɔ dzoe.’ Yehowae gblɔe.
“Gawu la, gblɔ na Yuda ƒe fiaƒemetɔwo be, ‘Mise Yehowa ƒe nya: O David ƒe aƒe, ale Yehowa gblɔe nye esi:
“ ‘Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, ŋdi sia ŋdi,
mixɔ na ame si woda adzoe la le ŋutasẽla si,
ne menye nenema o la, nye dziku agbã go,
abi abe dzo ene, eye ame aɖeke mate ŋu atsii o,
ɖe nu vɔ̃ɖi si miewɔ la ta.
Metso ɖe ŋutiwò, Yerusalem,
wò si le bali sia ƒe dzigbe le agakpeto tame,
mi ame siwo gblɔ be,
“Ame ka ate ŋu anɔ te ɖe mía nu?
Ame ka ate ŋu age ɖe míaƒe bebeƒe la me?”
Yehowae gblɔe.
Yehowa be, “Mahe to na mi le miaƒe nu tovowo wɔwɔ ta,
maɖe dzo ade miaƒe avewo me,
eye wòafia nu sia nu si ƒo xlã mi.” ’ ”
Yehowae gblɔe.
Ʋɔnudɔdrɔ̃ fia vɔ̃ɖiwo
Ale Yehowa gblɔe nye si, “Yi ɖe Yuda fia ƒe sãme eye nàgblɔ gbedeasi sia nɛ, ‘O Yuda fia, wò ame si nɔ David ƒe fiazikpui dzi, wò dumegãwo kple wò ame siwo toa agbo siawo me yina, mise Yehowa ƒe nya. Ale Yehowa gblɔe nye si: Miwɔ nu dzɔdzɔe eye miwɔ nu si le eteƒe. Mixɔ ame si woda adzoe la le ŋutasẽla ƒe fego me. Migawɔ vɔ̃ alo ate amedzrowo, tsyɔ̃eviwo alo ahosiwo ɖe to o eye migakɔ ʋu maɖifɔ hã ɖi ɖe teƒe sia o; elabena ne mieɖɔ ŋu ɖo hewɔ ɖe sedede siawo dzi la, ekema fia siwo anɔ David ƒe fiazikpui dzi la, ato fiasã sia ƒe agbowo me, anɔ tasiaɖamwo me, anɔ sɔwo dzi eye woƒe dumegãwo kple dumetɔwo akplɔ wo ɖo. Ke ne mieɖo to sedede siawo o la, meta ɖokuinye be fiasã sia agbã, azu aƒedo.’ ” Yehowae gblɔe.
Elabena ale Yehowa gblɔ le Yuda fia ƒe fiasã la ŋue nye esi: “Togbɔ be èle nam abe Gilead kple Lebanon towo ƒe tame ene hã la, mawɔ wò le nyateƒe me nàzu abe gbegbe kple du siwo zu aƒedo ene. Maɖo nugblẽlawo ɖe ŋuwò, ɖe sia ɖe alé lãnu ɖe asi eye woalã wò sedati vavãwo atsɔ aƒu gbe ɖe dzo me.
“Dukɔ geɖe me tɔwo ava to du sia ŋu ayi eye woabia wo nɔewo be, ‘Nu ka ta Yehowa wɔ nu sia tɔgbi ɖe du xɔŋkɔ sia ŋuti ɖo?’ Ŋuɖoɖoa anye be, ‘Elabena wogblẽ Yehowa, woƒe Mawu la ƒe nubabla ɖi hesubɔ mawu bubuwo eye wode ta agu na wo.’ ”
Mègafa avi na fia si ku la alo nàfa eƒe ku o,
ke boŋ fa avi vevie na ame si woɖe aboyoe
elabena magatrɔ agbɔ
alo akpɔ eƒe denyigba akpɔ o.
Ale Yehowa gblɔ le Salum, Yosia ƒe vi, ame si ɖu fia le Yuda ɖe fofoa yome, gake dzo le teƒe sia ŋutie nye esi: “Magatrɔ agbɔ gbeɖe o. Aku ɖe afi si woɖe aboyoe ɖo eye magakpɔ anyigba sia akpɔ o.”
“Baba na ame si tu eƒe fiasã to mɔ madzɔmadzɔ dzi
eye eƒe sã to amebaba me,
ame si zia eƒe dukɔmetɔwo dzi be
woawɔ dɔ nɛ yakatsyɔ eye wògbea fexexe na wo.
Ame si gblɔ be, ‘Matu fiasã gã aɖe na ɖokuinye
eye dziƒoxɔwo me akeke nyuie.’
Ale wòɖe fesre gãwo ɖe eŋuti
eye wòtsɔ sedaʋuƒowo fa ɖe xɔawo me,
hetsɔ aŋɔ dzĩ si nɛ.
“Ɖe sedati gbogbo siwo le asiwò la wɔ wò nèzu fia?
Ɖe nuɖuɖu kple nunono menɔ fofowò si oa?
Fofowò wɔ nu si dze eye wòle eteƒe
eya ta nu sia nu dze edzi nɛ nyuie.
Eʋli ame dahewo kple hiãtɔwo ta
eya ta nu sia nu dze edzi nɛ ɖo.
Ɖe menye esiae nye sidzedzem oa?”
Yehowae gblɔe.
“Ke wò ŋku kple dzi ku ɖe viɖe ƒoɖi,
ʋu maɖifɔ kɔkɔ ɖi, ameteteɖeto kple amebaba ko ŋuti.”
Eya ta ale Yehowa gblɔ le Yosia ƒe vi, Yehoyakim, Yuda fia ŋutie nye esi:
“Womafa nɛ agblɔ be, ‘Ao, nɔvinye ŋutsu! Ao, nɔvinye nyɔnu!’ o.
Eye womafa nɛ be,
‘Ao, nye aƒetɔ! Ao, eƒe atsyɔ̃!’ o.
Woaɖii abe ale si woɖia tedzi kuku ene
elabena woahee lelele le anyigba,
atsɔ aƒu gbe ɖe Yerusalem ƒe agbowo godo.”
“Yi ɖe Lebanon, nàfa avi sesĩe
ne woase wò gbe le Basan ke,
nɔ Abarim nàfa avi kple ɣli
elabena wotsrɔ̃ wò lɔlɔ̃tɔwo katã.
Megblɔe na wò kɔtɛe esi nèsusu be
yele dedinɔnɔ me, gake ègblɔ be,
‘Nyemaɖo to wò o!’
Aleae nye wò nɔnɔme tso wò ɖekakpuime ke;
ègbe, mèɖo tom kpɔ o.
Yaƒoƒo akplɔ wò alẽkplɔlawo katã adzoe,
eye woaɖe aboyo wò lɔlɔ̃tɔwo katã.
Ekema ŋu akpe wò eye woado vlo wò
le wò vɔ̃ɖivɔ̃ɖi gbogboawo ta.
Mi, ame siwo tso aƒe ɖe Lebanon,
heɖe dzi ɖi bɔkɔɔ le sedatixɔwo me,
aleke miahaɖe hũu, ne vevesese va mia dzi!
Miase veve abe nyɔnu si le ku lém la ene!”
Yehowa be, “Meta nye agbe be, nenye wò, Yuda fia Yehoyatsin, Yehoyakim ƒe vie nye ŋkɔsigɛ le asibidɛ ɖusimetɔ ŋuti nam gɔ̃ hã la, maɖe wò aƒu gbe godoo. Makplɔ wò ade asi na ame siwo le wò agbe yome tim, Nebukadnezar, Babilonia fia kple Babiloniatɔ siwo nèle vɔvɔ̃m na. Matsɔ wò kple dawò si dzi wò la aƒu gbe ɖe dukɔ bubu me, afi si womedzi mia dometɔ aɖeke ɖo o; afi ma mi ame evea miaku ɖo. Miagatrɔ agbɔ ava anyigba si miedi vevie la dzi kpɔ o.”
Ɖe ŋutsu sia Yehoyatsin zu ze gbagbã ɖigbɔ̃
si dim ame aɖeke mele oa?
Nu ka ta woatsɔ eya kple viawo aƒu gbe ɖe anyigba
si womenya o la dzi?
O anyigba, anyigba, anyigba,
se Yehowa ƒe nya!
Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Miŋlɔ nu tso ŋutsu sia ŋu abe
ame si si vi mele o la ene,
ame si nu madze edzi na le eƒe agbe me o;
elabena eƒe dzidzimevi aɖeke makpɔ dzidzedze o,
eye wo dometɔ aɖeke hã manɔ anyi ɖe
David ƒe fiazikpui dzi alo agaɖu fia akpɔ le Yuda o.”
Atilɔ dzɔdzɔe la
Yehowa be, “Baba na alẽkplɔla siwo le alẽ siwo le nye lãnyiƒe la vuvum hele wo kakam!” Eya ta ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ na alẽkplɔla siwo le nye dukɔ la kplɔm lae nye esi: “Esi mielé be na nye alẽhawo o, ke boŋ miekaka wo eye mienya wo de gbe ta la, mahe to na mi ɖe nu vɔ̃ɖi si miewɔ la ta.” Yehowae gblɔe. “Nye ŋutɔ maƒo nye alẽ mamlɛawo nu ƒu tso anyigba siwo katã dzi menya wo ɖo ɖo la dzi, eye makplɔ wo va wo nyiƒe, afi si woadzi ɖe edzi fũu le. Matsɔ alẽkplɔla siwo akpɔ wo dzi nyuie la aɖo wo nu, ale womagavɔ̃ alo dzidzi naƒo wo alo wo dometɔ aɖeke nabu o.” Yehowae gblɔe.
Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna esime mana atilɔ dzɔdzɔe,
aɖe nadze atso David ƒe ƒome me,
anye fia si aɖu fia le nunya me eye wòawɔ nu si le eteƒe
kple nu si le dzɔdzɔe le anyigba dzi.
Le eƒe ŋkekewo me la, woaɖe Yuda eye Israel anɔ anyi le dedinɔnɔ me.
Esiae nye ŋkɔ si woayɔ nɛ:
Yehowa, Míaƒe Dzɔdzɔenyenye.
“Yehowa be eya ta ŋkekewo li gbɔna esi amewo magagblɔ be, ‘Meta Yehowa, ame si kplɔ Israelviwo do goe le Egipte la ƒe agbe’ o. Ke boŋ woagblɔ be, ‘Meta Yehowa, ame si kplɔ Israel ƒe dzidzimeviwo do go tso anyiehenyigba dzi kple dukɔ siwo katã me woɖe aboyo wo ɖo ɖo la ƒe agbe.’ Ekema woanɔ woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi.”
Aʋatsonyagblɔɖilawo
Nya siwo ku ɖe nyagblɔɖilawo ŋu:
nye dzi gbã le menye eye nye lãme katã le ƒoƒom.
Ɖeko mele abe ŋutsu si mu aha
alo abe ŋutsu si wain wu ko na la ene,
le Yehowa kple eƒe nya kɔkɔewo ta.
Anyigba la dzi yɔ fũu kple ahasiwɔlawo
eye le fiƒode la ta la, anyigba la ƒu kplakplakpla ale be lãnyiƒe
siwo katã le gbegbe la hã yrɔ;
elabena Nyagblɔɖilawo ƒe mɔ to vovo
eye wowɔa woƒe ŋusẽ ŋu dɔ to
mɔ madzɔmadzɔwo dzi.
“Nyagblɔɖilawo kple Nunɔlawo siaa nye Mawumavɔ̃lawo
eye le nye gbedoxɔ me gɔ̃ hã la,
mekpɔ woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi.”
Yehowae gblɔe.
“Eya ta woƒe mɔ dzi aɖiɖi dribadriba,
woatsɔ wo aƒu gbe ɖe blukɔ me
eye woadze anyi ɖe afi ma.
Mahe gbegblẽ ava wo dzi
le ƒe si me mahe to na wo.”
Yehowae gblɔe.
“Mekpɔ bometsinu sia le nyagblɔɖila
siwo le Samaria la dome.
Wogblɔ nya ɖi le Baal ƒe ŋkɔ me
eye wokplɔ nye dukɔ Israel trae.
Ke mekpɔ ŋunyɔnu sia hã le nyagblɔɖila
siwo le Yerusalem la dome.
Wole ahasi wɔm eye wole alakpa hã dam.
Wodoa ŋusẽ nu baɖa wɔlawo be
ne ame aɖeke nagaɖe asi
le eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu o.
Wo katã le nam abe Sodom ene.
Yerusalem nɔlawo le abe Gomoratɔwo ene.”
Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ ɖe nyagblɔɖilawo ŋutie nye esi:
“Kpɔ ɖa, mana nuɖuɖu veve wo
eye makpe tsi si me wode aɖii la na wo
elabena Yerusalem ƒe nyagblɔɖilawo gbɔe wòtso be,
mawumavɔmavɔ̃ kaka ɖe anyigba blibo la dzi.”
Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi:
“Migaɖo to nyagblɔɖi siwo gblɔm
Nyagblɔɖilawo le na mi la o.
Mia flum wole kple mɔkpɔkpɔ ƒuƒlu.
Wogblɔa nya si woawo ŋutɔ susu la
be ŋutegae yewokpɔ,
ke menye nya si do tso Yehowa ƒe nu me o.
Wogblɔna na ame siwo doa vlom ɖaa la be,
‘Yehowa be: miakpɔ ŋutifafa’,
eye wogblɔna na ame siwo zɔna ɖe
woƒe dzi vɔ̃ɖiwo ƒe ɖoɖo nu la be,
‘Dzɔgbevɔ̃e aɖeke mava mia dzi o.’
Ke wo dometɔ kae nɔ Yehowa ƒe aɖaŋu me
be wòakpɔ nu alo ase eƒe nya?
Ame kae ɖo to hese eƒe nya?
Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ahom atu sesĩe
le eƒe dziku helĩhelĩ me, eye yali atso
abla ɖe ta na ame vɔ̃ɖiwo kɔtɔɔ.
Yehowa ƒe dziku magbugbɔ o
va se ɖe esime wòwɔ nu si wòɖo ɖe eƒe dzi me de goe.
Le ŋkeke siwo gbɔna me la,
miase nu siawo gɔme keŋkeŋ.
Nyemedɔ nyagblɔɖila siawo o,
gake wole du dzi kple woawo ŋutɔwo ƒe gbedeasi.
Nyemeƒo nu kpli wo o,
evɔ wogblɔ nya ɖi.
Ke ne ɖe wonɔ nye aɖaŋudede me la, anye
ne wogblɔ nye nyawo na nye dukɔ
eye woatrɔ le woƒe mɔ vɔ̃wo dzi
kple woƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiwo me.”
Yehowa be,
“Kpuiƒe ƒe Mawu ko menyea,
eye nyemenye Mawu si le adzɔge oa?
Ɖe ame aɖe abe ɖe bebeƒe aɖe be
nyemate ŋu akpɔe oa?”
Yehowae gblɔe.
“Ɖe nyemeyɔ dziƒo kple anyigba taŋtaŋ oa?”
Yehowae gblɔe.
“Mese nu si gblɔm nyagblɔɖilawo le, ame siwo gblɔ aʋatsonyagblɔɖi le nye ŋkɔ me. Wogblɔ be, ‘Meku drɔ̃e aɖe! Meku drɔ̃e aɖe.’ Ɣe ka ɣie nu sia ayi edzi le aʋatsonyagbɔɖila siawo ƒe dzi me ase ɖo, ame siwo gblɔ beblenya siwo woƒe susuwo gblɔ na wo? Wobu xaa be drɔ̃e siwo wolĩna na wo nɔewo la awɔe be nye amewo aŋlɔ nye ŋkɔ be abe ale si wo fofowo ŋlɔ nye ŋkɔ be, to Baal subɔsubɔ me ene.” Yehowa be, “Nyagblɔɖila si ku drɔ̃e la, nelĩ drɔ̃e la faa, gake ame si si nye nya le la, neɖe gbeƒãe anukwaretɔe. Elabena kadodo kae le bli kple atsa dome?” Yehowae gblɔe. “Ɖe nye nya mele abe dzo ene kple zu si gbãa kpe sesẽ gudugudu la ene oa?” Yehowae gblɔ.
Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: “Matso ɖe nyagblɔɖila siwo fia nya siwo wosusu be etso gbɔnye la le wo nɔewo gbɔ la ŋuti.” Yehowa be, “Kpɔ ɖa, matso ɖe nyagblɔɖila siwo kpa nya kple woƒe aɖewo, evɔ wohegblɔna be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi’ la ŋuti. Kpɔ ɖa,” ale Yehowa gblɔe nye esi: “Matso ɖe ame siwo tsɔ alakpadrɔ̃ewo gblɔa nya ɖi la ŋuti. Wogblɔnɛ na dukɔa, eye wokplɔa nye amewo tranae to woƒe alakpa vivivo la me, evɔ nyemedɔ wo alo de dɔ asi na wo o. Womenye viɖe aɖeke na nye dukɔ o,” Yehowae gblɔe.
Aʋatsonyagblɔɖiwo
“Ne ame siawo, alo nyagblɔɖila alo nunɔla bia wò be, ‘Nu kae nye Yehowa ƒe gbe hã la,’ ɖo eŋu na wo be, ‘Nu ka ƒe gbe? Magbe nu le mia gbɔ’ Yehowae gblɔe. Ke ne nyagblɔɖila alo nunɔla alo ame aɖe ko agblɔ be, ‘Esiae nye Yehowa ƒe gbe’ la, mahe to na ame la kple eƒe aƒekɔ katã. Esiae nye nu si mia dometɔ ɖe sia ɖe nɔ gbɔgblɔm na ehavi alo eƒe ƒometɔ: ‘Aleke Yehowa ɖo eŋutie?’ Alo ‘Nya ka Yehowa gblɔ?’ Ke migakɔ nu le ‘Yehowa ƒe nya’ dzi azɔ o, elabena ame sia ame ŋutɔ ƒe nya zu eƒe nyagblɔɖi, ale mietrɔ gbo Mawu gbagbe, Yehowa ƒe Aƒetɔ la, miaƒe Mawu la ƒe nyawo. Esia nye nya si mienɔ gbɔgblɔm ɖaa na nyagblɔɖila, ‘Aleke Yehowa ɖo eŋutie?’ Alo ‘Nya kae Yehowa gblɔ?’ Togbɔ be miegblɔ be, ‘Esiae nye Yehowa ƒe nya, ale Yehowa gblɔe nye esi’ hã la, miegagblɔna be, ‘Esiae nye Yehowa ƒe nya,’ evɔ megblɔe na mi, miganɔ gbɔgblɔm be, ‘Esiae nye Yehowa ƒe nya’ o. Eya ta kpɔ ɖa, maŋlɔ mi be le nyateƒe me, eye matsɔ mi aƒu gbe le nye ŋkume akpe ɖe du si metsɔ na mi kple mia fofowo la ŋuti. Mahe ŋukpe mavɔ kple vlododo mavɔ si womaŋlɔ be akpɔ o la va mia dzi.”
Gbotsetse kusi eve
Esi Nebukadnezar, Babilonia fia kplɔ Yehoyakim vi Yehoyatsin, Yuda fia, eƒe dumegãwo, aɖaŋudɔwɔlawo kple asinudɔwɔlawo yi ɖe aboyo mee le Babilonia megbe la, Yehowa ɖe gbotsetse kusi eve siwo woda ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ mɔnu la fiam. Gbotsetse nyuiwo le kusi ɖeka me, eye woɖi nyuie abe esiwo ɖina kaba la ene. Ke gbotsetse siwo le kusi evelia me la menyo kura o, wogblẽ ale gbegbe be womenyo woaɖu o.
Tete Yehowa biam be, “Nu ka kpɔm nèle, Yeremia?”
Meɖo eŋu be, “Gbotsetsewoe. Nyuitɔwo le nyuie ŋutɔ, ke manyomanyoawo gblẽ ale gbegbe be womate ŋu aɖu wo o.”
Tete Yehowa ƒe nya va nam be, “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi, ‘Mebu aboyome siwo tso Yuda la abe gbotsetse nyui siawo ene, ame siwo meɖo ɖe Babiloniatɔwo ƒe anyigba dzi tso teƒe sia. Nye ŋkuwo anɔ wo ŋu hena woawo ŋutɔ ƒe nyonyo eye magakplɔ wo agbɔe va anyigba sia dzi. Matu wo eye nyemagbã wo aƒu anyi o. Mado wo eye nyemaho wo aƒu gbe o. Mana dzi wo, ne woadze sim be nyee nye Yehowa. Woanye nye dukɔ eye manye woƒe Mawu elabena woatrɔ agbɔ, ava gbɔnye kple woƒe dzi blibo.’
“Yehowa be, ‘Gake abe gbotsetse siwo gblẽ ale gbegbe be womate ŋu aɖu wo o ene la, nenemae mawɔ Yuda fia Zedekia, eƒe dumegãwo kple ame siwo susɔ ɖe Yerusalem, woatsi anyigba sia dzi loo, alo woanɔ Egipte. Mawɔ wo woanye bibi kple ŋunyɔnu na anyigbadzifiaɖuƒewo katã, woanye alɔmeɖenu, lodonu, nu ɖikokoe kple fiƒodenu le afi sia afi si menya wo ɖo ɖo. Madɔ yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ɖe wo dome va se ɖe esime woatsrɔ̃, avɔ le anyigba si metsɔ na wo kple wo fofowo la dzi.’ ”
Aboyomenɔnɔ ƒe blaadre
Le Yosia ƒe vi, Yehoyakim, Yuda fia ƒe ƒe enelia me si nye Babilonia fia Nebukadnezar ƒe ƒe gbãtɔ me la, Yehowa ƒe nya va na Yeremia ku ɖe Yuda dukɔ la ŋu. Eya ta nyagblɔɖila Yeremia, gblɔ na Yudatɔwo katã kple ame siwo nɔ Yerusalem la be: Ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃ sɔŋ nye esi mele nu ƒom na mi. Tso keke Amon ƒe vi Yosia, Yuda fia ƒe ƒe wuietɔ̃lia me va se ɖe fifia, Yehowa ƒe nya va nam, eye megblɔe na mi enuenu, gake mieɖo to o.
Togbɔ be Yehowa dɔ eƒe dɔla nyagblɔɖilawo ɖo ɖe mi zi geɖe hã la, mieɖo to alo mietsɔ ɖeke le eme na wo o. Wogblɔ be, “Mitrɔ azɔ, mia dometɔ ɖe sia ɖe, tso miaƒe mɔ vɔ̃wo dzi kple miaƒe nu tovowo wɔwɔ me, be miate ŋu anɔ anyigba si Yehowa tsɔ na mi la dzi, miawo ŋutɔ kple mia fofowo, tso mavɔ me yi mavɔ me. Migadze mawu tutɔwo yome, ahayi wo subɔ ge o. Migade ta agu na wo o, migado dziku nam kple nu siwo miaƒe asiwo wɔ la o. Ekema nyemawɔ nuvevi mi o.”
Yehowa be, “Gake mieɖo tom o eye mietsɔ nu siwo miawo ŋutɔ ƒe asiwo wɔ la do dziku nam eye miehe vɔ̃ va mia ɖokuiwo dzii.”
Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Esi mieɖo to nye nyawo o ta la, mayɔ anyiehemetɔwo katã, kple nye dɔla Nebukadnezar, Babilonia fia aƒo ƒu, woatso ɖe anyigba sia, edzinɔlawo kple dukɔ siwo katã ƒo xlãe la ŋuti. Matsrɔ̃ wo gbidigbidi, awɔ wo woanye ŋɔdzinu kple fewuɖunu, eye woazu aƒedo tegbetegbe. Mana dzidzɔ kple aseyetsotso nu natso eye womagase ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe alo te ƒe gbe alo woakpɔ akaɖi wòaganɔ keklẽm o. Anyigba sia katã azu aƒedo kple gbegbe eye dukɔ sia asubɔ Babilonia fia ƒe blaadre sɔŋ” Yehowae gblɔe.
Yehowa be, “Ke ne ƒe blaadre la de la, mahe to na Babilonia fia kple eƒe dukɔ, Babiloniatɔwo ɖe woƒe agɔdzedze ta eye mawɔ woƒe anyigba wòazu gbegbe tegbetegbe. Mana nu siwo katã megblɔ ɖi ɖe anyigba ma ŋuti, nu siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me kple esiwo Yeremia gblɔ ɖi ɖe dukɔwo ŋuti la nava wo dzi. Woawo ŋutɔ la, dukɔ geɖewo kple fia xɔŋkɔwo awɔ wo kluviwoe. Maɖo eteƒe na wo ɖe woƒe nuwɔnawo nu kple nu siwo woƒe asiwo wɔ la ta.”
Mawu ƒe dɔmedzoekplu
Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ nam nye esi: “Xɔ kplu si nye dɔmedzoewain yɔ la le asinye eye nàkpee na dukɔ siwo katã gbɔ madɔ wò ɖo la. Ne wonoe la, woazɔ sɔgɔsɔgɔ, eye woƒe tagbɔ atɔtɔ, le yi si maɖo ɖe wo dome la ta.” Ale mexɔ kplu la le Yehowa si eye mena dukɔ siwo katã gbɔ wòdɔm ɖo la noe.
Ame siwo noe la woe nye Yerusalem nɔlawo, Yuda ƒe duwo, woƒe fiawo kple woƒe dumegãwo, be woagblẽ wo dome eye woazu ŋɔdzinu, fewuɖunu kple fiƒodenu abe ale si wole egbea ene.
Bubuwoe nye Egipte fia, Farao, eŋutinɔlawo, eƒe dumegãwo kple eƒe dukɔmetɔwo, hekpe ɖe amedzro siwo katã le afi ma la ŋuti,
Uz fiawo katã,
Filistitɔwo ƒe fiawo katã esiwo tso Askelon, Gaza, Ekron, kpe ɖe ame siwo wogblẽ ɖe Asdod ŋu.
Edom, Moab kple Amon;
kpe ɖe Tiro kple Sidon fiawo katã ŋu, fia siwo tso ƒuta kple ƒugodo;
Dedan Tema, Buz kpe ɖe didiƒetɔwo ŋu;
Arabia fiawo katã kpe ɖe amedzrowo ƒe fia siwo le gbegbe la ŋu.
Fia siwo katã le Zimri, Elam kple Media.
Anyiehemefiawo katã, esiwo tso kpuiƒe kple didiƒe siaa. Wo katã noe ɖe wo nɔewo yome, ale fiaɖuƒe siwo katã le anyigba dzi la noe.
Ne wo katã noe vɔ la, ekema Sesak fia hã anoe.
“Ekema gblɔ na wo be, ‘Ale Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Mino aha ne miamu, ne miaɖe xe eye miamu adze anyi be miagafɔ gbeɖe o, le yi si maɖo ɖe mia dome la ta.” ’ Ke ne wogbe be yewomaxɔ kplu la le asiwò ano o la, nàgblɔ na wo be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔe nye esi: “Ele na mi be mianoe!” Kpɔ ɖa, miedze egɔme le gbegblẽ hem va du si ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la dzi eye wò ya nèsusu be magbe tohehe na yea? Nyemagbe tohehe na wò o, elabena medɔ yi ɖe anyigbadzitɔwo katã ŋu, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.’
“Azɔ gblɔ nya siawo katã ɖi ɖe wo ŋu, nàgblɔ na wo be,
“Yehowa aɖe gbe tso dziƒo
eye aɖe gbe tso eƒe nɔƒe kɔkɔe la.
Ate gbe sesĩe ɖe eƒe anyigba ŋuti.
Ado ɣli abe ame siwo le waintsetse fiam la ene
eye ado ɣli ɖe anyigbadzinɔlawo katã ŋuti.
Hoowɔwɔ la aɖi le anyigba ƒe mlɔenuwo ke,
elabena Yehowa atsɔ nya ɖe dukɔwo ŋu,
ahe ʋɔnudɔdrɔ̃ va amewo katã dzi
eye wòatsɔ ame vɔ̃ɖiwo ade asi na yi.”
Yehowae gblɔe.
Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi:
“Kpɔ ɖa, gbegblẽ le kakam tso dukɔ me yi dukɔ me.
Ahom sesẽ aɖe ho tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke.”
Le ɣe ma ɣi la, ame siwo Yehowa wu la akaka ɖe afi sia afi, tso anyigba ƒe go sia dzi yi go kemɛ dzi. Womafa na wo alo aƒo wo ƒu alo aɖi wo o, ke boŋ woanɔ abe gbeɖuɖɔ ene anɔ anyigba.
Mi alẽkplɔlawo, mifa avi,
mido ɣli, mimli le ke me,
mi alẽha ƒe kplɔlawo.
Elabena miaƒe ɣeyiɣi de, be woawu mi,
miadze anyi agbã gudugudu abe tɔmedeze ene.
Alẽkplɔlawo makpɔ teƒe aɖeke asi yi o,
eye alẽhawo ƒe kplɔlawo manya afi si woabe ɖo o.
Se alẽkplɔlawo ƒe aviɣli ɖa;
ɖo to kplɔlawo ƒe ɣlidodo,
elabena Yehowa le woƒe lãnyiƒe la tsrɔ̃m.
Gbe dama nyuiwo azu kuɖiɖinyigba
le Yehowa ƒe dziku dziŋɔ la ta.
Agblẽ eƒe ave ɖi abe dzata ene,
eye woƒe anyigba azu gbegbe
le ameteɖetola ƒe yi kple Yehowa ƒe dziku helĩhelĩ la ta.
Ŋɔdzidodo na Yeremia kple ku
Le Yuda fia, Yehoyakim, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzedzea me la, nya sia va nam tso Yehowa gbɔ. “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe xɔxɔnu eye nàƒo nu na Yudatɔ siwo katã tso du vovovowo me va subɔsubɔ wɔ ge le Yehowa ƒe gbedoxɔ me. Gblɔ nu siwo katã mede se na wò be nàgblɔ na wo, nya ɖeka pɛ hã megato le eme o. Ɖewohĩ woaɖo to eye wo dometɔ ɖe sia ɖe atrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃ dzi. Ekema maɖe asi, eye nyemagahe gbegblẽ si meɖo ɖe wo ŋu le woƒe nu vɔ̃ɖi siwo wowɔ ta la ava wo dzi o.’ Gblɔ na wo be: ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Ne mieɖo tom hewɔ ɖe nye se siwo mede na mi la dzi o, eye ne mieɖo to nye dɔla nyagblɔɖila siwo meɖo ɖe mi enuenu (ame siwo miedo tokui va yi la ƒe nyawo o la), ekema mawɔ gbedoxɔ sia abe Silo ene eye du sia azu fiƒodenu le anyigbadzidukɔwo katã dome.’ ”
Nunɔlawo, nyagblɔɖilawo kple ame siwo katã le afi ma se Yeremia wònɔ nya siawo gblɔm le Yehowa ƒe gbedoxɔ me. Kaka Yeremia nawu nya siwo katã Yehowa gblɔ nɛ be wòagblɔ nu la, nunɔlawo, nyagblɔɖilawo kple ame siwo le afi ma la dze Yeremia dzi kpli, helée eye wogblɔ nɛ be, “Èdze na ku! Nu ka ta nègblɔ nya ɖi ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ me be gbedoxɔ sia azu abe Silo ene eye du sia azu aƒedo si me ame aɖeke maganɔ o?” Ale zi ƒo ɖe Yeremia ŋuti le Yehowa ƒe gbedoxɔ la me.
Esi Yuda ƒe dumegãwo se nu siawo la, wotso le fiasã la me heyi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la gbɔ eye woyi ɖatɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe Agbo Yeye la nu. Tete nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo gblɔ na dumegãwo kple ameha la be, “Ele be woatso kufia na ŋutsu sia, elabena egblɔ nya ɖi ɖe du sia ŋuti. Miawo ŋutɔ miesee kple miaƒe towo!”
Tete Yeremia gblɔ na dumegãwo kple ameha la be, “Yehowae dɔm be magblɔ nya siwo miese la ɖi ɖe gbedoxɔ sia kple du sia ŋuti. Ke azɔ la, miɖɔ miaƒe mɔwo kple miaƒe nuwɔnawo ɖo eye miaɖo to Yehowa, miaƒe Mawu la. Ekema Yehowa atrɔ eƒe susu eye mahe vɔ̃ si wògblɔ ɖi ɖe mia ŋuti la va mia dzii o. Ke nye ya la, mele miaƒe asi me xoxo. Miwɔ nu si miesusu be enyo eye wòle eteƒe la kplim faa. Gake meka ɖe edzi na mi be ne miewum la, miahe ʋu maɖifɔ va miawo ŋutɔ, du sia kple emenɔlawo dzi; elabena le nyateƒe me la, Yehowae dɔm be magblɔ nya siawo katã ɖe miaƒe towo me.”
Tete dumegãwo kple ameha la gblɔ na nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo be, “Mele be woatso kufia na ŋutsu sia o, elabena egblɔ nya na mi le Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me.”
Dumegãwo dometɔ aɖewo do ɖe ŋgɔgbe hegblɔ na ameha la be, “Mika, Moresitɔ la gblɔ nya ɖi le Yuda fia Hezekia ƒe ŋkekewo me. Egblɔ na Yudatɔwo katã be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi:
“ ‘Woaŋlɔ Zion abe agble ene,
Yerusalem azu glikpo gbagbã
eye gbedoxɔ ƒe togbɛ azu togbɛ si zu ave.’
“Ɖe Hezekia, Yuda fia, alo ame aɖe le Yuda wuia? Ɖe Hezekia mevɔ̃ Yehowa hetrɔ ɖe eŋu eye wòdi amenuveve le egbɔ oa? Eye ɖe Yehowa metrɔ eƒe susu ale be megaxa he gbegblẽ si wòɖe gbeƒãe la va wo dzii oa? Míawo ya la míele gbegblẽ dziŋɔ aɖe he ge va mía ɖokuiwo dzii!”
(Azɔ ame bubu si gagblɔ nya ɖi le Yehowa ƒe ŋkɔ mee nye Uria, Semaya ƒe vi si tso Kiriat Yearim. Eya hã gblɔ nya siwo ke Yeremia gblɔ ɖe du sia kple anyigba sia ŋuti. Esi Fia Yehoyakim kple eŋumewo kple eƒe dumegãwo se eƒe nyawo la, fia la di vevie be yeawui, Ke Uria see eye wòsi kple vɔvɔ̃ yi Egipte. Ke Fia Yehoyakim dɔ Elnatan, Akbor ƒe vi kple ŋutsu bubu geɖewo ɖe eyome. Woyi ɖakplɔ Uria tso Egipte vɛ na Fia Yehoyakim, ame si na wowui kple yi hetsɔ eƒe kukua ƒu gbe ɖe ame gbɔlowo ɖiƒe.)
Gawu la, Safan ƒe vi, Ahikam de megbe na Yeremia ale wometsɔe de asi na ameawo be woawu o.
Yuda azu Nebukadnezar tenɔla
Le Yuda fia Zedekia, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzedzea me la, Yehowa ƒe nya sia va na Yeremia be: Ale Yehowa gblɔ nam nye esi: “Gbi ka, nàtsɔ ati sesẽ eve awɔ kɔkuti eye nàtsɔ kɔkuti la ku wò kɔ. Ekema nàɖo du ɖe Edom, Moab, Amon, Tiro kple Sidon fiawo to woƒe ame dɔdɔ siwo va Yuda fia, Zedekia, gbɔ le Yerusalem la dzi. Ɖo gbedeasi ɖe woƒe amegãwo, eye nàgblɔ be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Migblɔ na miaƒe amegãwo be, Nye ŋusẽ triakɔ kple nye abɔ si le dzi lae metsɔ wɔ anyigba, edzinɔlawo kple lã vovovo siwo le edzi eye metsɔnɛ naa ame sia ame si melɔ̃. Azɔ la, matsɔ miaƒe dukɔwo katã ade asi na nye dɔla, Babilonia fia, Nebukadnezar. Mawɔe be lã wɔadãwo gɔ̃ hã anɔ eƒe kpɔkplɔ te. Dukɔwo katã asubɔe, asubɔ via kple eƒe tɔgbuiyɔvi gɔ̃ hã va se ɖe esime eƒe anyigba ƒe ɣeyiɣi nade. Ekema dukɔ geɖewo kple fia xɔŋkɔwo aɖu edzi.
“ ‘ “Ke ne dukɔ alo fiaɖuƒe aɖe gbe be yemasubɔ Babilonia fia Nebukadnezar, alo abɔbɔ ɖe eƒe kɔkuti te o la, mahe to na dukɔ ma kple yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ va se ɖe esime matsrɔ̃e kple Nebukadnezar ƒe asi.” ’ Yehowae gblɔe. Eya ta migaɖo to miaƒe nyagblɔɖilawo, bokɔnɔwo, drɔ̃egɔmeɖelawo, ŋɔliyɔlawo kple nukala siwo gblɔna na mi be, ‘Migasubɔ Babilonia fia o’ la o. Wogblɔa aʋatsonyagblɔɖiwo na mi, siwo ana be woaɖe mi ɖa le miaƒe anyigbawo dzi aɖo ɖe didiƒewo. Manya mi eye miatsrɔ̃. Gake ne dukɔ aɖe bɔbɔ ɖe Babilonia fia ƒe kɔkuti te hesubɔe la, mana be dukɔ ma nanɔ eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi eye wòanɔ edzi. Yehowae gblɔe.”
Metsɔ gbedeasi sia ke na Yuda fia Zedekia. Megblɔ nɛ be, “Tsɔ wò kɔ de Babilonia fia, Nebukadnezar, ƒe kɔkuti te; subɔ eya kple eƒe dukɔmetɔwo eye nànɔ agbe. Nu ka ŋuti wò kple wò amewo miaku ɖe yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ si ƒe ŋugbe Yehowa do na dukɔ si masubɔ Babilonia fia o la ƒe asi me? Mègaɖo to nyagblɔɖilawo ƒe nya si gblɔm wole na wò be, ‘Mígasubɔ Babilonia fia o’ la o; elabena aʋatsonyawo gblɔm wole na wò. Yehowa be, ‘Nyemedɔ wo o. Aʋatsonya gblɔm wole ɖi le nye ŋkɔ me. Eya ta manya wò ɖa le teƒe sia eye wò kple Nyagblɔɖila siwo gblɔ nya ɖi na wò la siaa miatsrɔ̃.’ ”
Tete megblɔ na nunɔlawo kple ame siawo katã be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: Migaɖo to nyagblɔɖila siwo gblɔna na mi be, ‘Esusɔ vie woatrɔ nu siwo wolɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ me yi Babilonia la gbɔe’ o. Aʋatsonya gblɔm wole ɖi na mi. Migaɖo to wo o. Misubɔ Babilonia fia, ekema mianɔ agbe. Nu ka ŋuti du sia azu aƒedo? Nenye nyagblɔɖilawoe wonye vavã eye Yehowa ƒe nya le wo me la, ekema woneɖe kuku na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, be nu siwo susɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me kple Yuda fia ƒe aƒe me le Yerusalem la, womagalɔ wo ayi Babilonia o. Elabena, ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ tso sɔtiawo, akɔblizɔ kple nu siwo dzi woda wo ɖo kple nu bubu siwo susɔ ɖe du sia me la ŋuti. Nu siwo Babilonia fia, Nebukadnezar metsɔ dzoe o esi wòva lé Yuda fia Yehoyatsin, Yehoyakim ƒe vi, yi ɖe aboyome le Babilonia kpe ɖe Yuda kple Yerusalem ƒe ame ŋkutawo ŋuti. Ɛ̃, ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔ tso nu siwo susɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ kple Yuda fia ƒe fiasã me le Yerusalem la ŋutie nye esi: ‘Woalɔ wo ayi ɖe Babilonia, afi ma woanɔ va se ɖe gbe si gbe mava alɔ wo ekema matrɔ wo agbɔe va teƒe sia.’ ” Yehowae gblɔe.
Aʋatsonyagblɔɖila Hananiya
Eva eme le ɣleti atɔ̃lia me le ƒe ma ke me, esi nye ƒe enelia le Yuda fia Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzedzea me be Nyagblɔɖila Hananiya, Azur ƒe vi si tso Gibeon gblɔ nam le Yehowa ƒe gbedoxɔ me le nunɔlawo kple ameha la katã ŋkume be, “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Mele Babilonia fia ƒe kɔkuti la ŋe ge. Le ƒe eve megbe la, matrɔ nu siwo Babilonia fia, Nebukadnezar lɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ me tsɔ yi Babilonia la vɛ. Makplɔ Yuda fia Yehoyatsin, Yehoyakim ƒe vi agbɔ va teƒe sia, hekpe ɖe Yudatɔ siwo katã woɖe aboyoe yi ɖe Babilonia la ŋuti, elabena maŋe Babilonia fia ƒe kɔkuti.’ ” Yehowae gblɔe.
Tete Nyagblɔɖila Yeremia ɖo nya la ŋu na Nyagblɔɖila Hananiya le nunɔlaawo kple ame siwo katã nɔ tsitre ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me. Egblɔ be, “Amen! Yehowa nena wòava eme nenema! Yehowa nena wò nyagblɔɖi la nava eme be woagbugbɔ nu siwo katã wolɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ me kple aboyome siwo wokplɔ yi Babilonia la natrɔ gbɔ. Ke hã la, ɖo to nàse nya siwo ku ge mala ɖe to me na wò kple ame siwo le teƒe sia. Tsã la, nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ na nye kple wò la gblɔ aʋawɔwɔ, gbegblẽ kple dɔvɔ̃ ƒe nyawo ɖi ɖe dukɔ geɖewo kple fiaɖuƒe geɖewo ŋuti. Gake nyagblɔɖila si gblɔ ŋutifafanya aɖe, eye eƒe nyagblɔɖi la va eme la koe wobuna be enye ame si Yehowa dɔ vavã.”
Kasia Nyagblɔɖila Hananiya ɖe kɔkuti la le kɔ na Nyagblɔɖila Yeremia eye wòŋee. Egblɔ le ameawo ƒe ŋkume be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Aleae maŋe Babilonia fia Nebukadnezar ƒe kɔkuti le kɔe na dukɔwo katã le ƒe eve me.’ ” Le esia megbe la, Nyagblɔɖila Yeremia lé eƒe mɔ hedzo.
Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe, esi Nyagblɔɖila Hananiya ŋe kɔkuti le kɔ na Nyagblɔɖila Yeremia megbe la, Yehowa ƒe nya va na Yeremia be, “Yi nàgblɔ na Hananiya be ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Èŋe atikɔkuti, gake le eteƒe la, woatsɔ gakɔkuti ana wo. Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔ ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Matsɔ gakɔkuti aku kɔ na dukɔwo katã be woasubɔ Babilonia fia Nebukadnezar eye woazu subɔlawo nɛ. Mana ŋusẽe ɖe lã wɔadãwo gɔ̃ hã dzi.” ’ ”
Tete Nyagblɔɖila Yeremia gblɔ na Hananiya nyagblɔɖila la be, “Ɖo to afii, Hananiya! Yehowa medɔ wò o, evɔ nèƒoe ɖe dukɔ sia nu be wòaxɔ aʋatsonyawo dzi ase. Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Mele ɖe wò ge ɖa le anyigba dzi. Àku le ƒe sia me, elabena ègblɔ aglãdzedze ɖe Yehowa ŋu ƒe nya.’ ”
Le ɣleti adrelia me le ƒe ma me la, Nyagblɔɖila Hananiya ku.
Yeremia ŋlɔ agbalẽ na aboyomenɔlawo
Esia nye agbalẽ si Nyagblɔɖila Yeremia ŋlɔ le Yerusalem ɖo ɖe aboyomenɔlawo ƒe ametsitsi mamlɛawo, nunɔla siwo gale agbe, nyagblɔɖilawo kple ame bubu siwo Nebukadnezar ɖe aboyoe tso Yerusalem yi ɖe Babilonia la me nyawo. Esia va eme le esi wokplɔ Fia Yehoyatsin, fiasrɔ̃, ʋɔnudɔdzikpɔlawo, Yuda dumegãwo, Yerusalem dumegãwo, aɖaŋudɔwɔlawo kple asinudɔwɔlawo le Yerusalem yi aboyo mee megbe Ame siwo xɔ agbalẽa yi na woe nye, Eleasa, Safan ƒe vi kple Gemaria, Hilkia ƒe vi, ame si Yuda fia Zedekia dɔ ɖo ɖe Babilonia fia Nebukadnezar gbɔ. Agbalẽa me nyawo be:
Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔ na ame siwo katã mekplɔ tso Yerusalem yi ɖe aboyo mee le Babilonia, “Mitso aƒewo ne mianɔ wo me, mide agble eye miaɖu emenuwo. Miɖe srɔ̃ ne miadzi viŋutsuwo kple vinyɔnuwo. Miɖe srɔ̃ na mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo, ale be woawo hã nadzi viŋutsuwo kple vinyɔnuwo. Midzi ɖe edzi le afi ma ke migazu ʋɛe o. Gawu la, midi ŋutifafa kple dzidzedzekpɔkpɔ na du si me meɖe aboyo mi ɖo ɖo la. Mido gbe ɖa na Yehowa ɖe wo ta elabena ne eme nyo na wo la, anyo na miawo hã.” Ɛ̃, ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Migana Nyagblɔɖila kple bokɔnɔ siwo le mia dome la nable mi o. Migalé to ɖe drɔ̃e siwo miede dzi ƒo na wo be woaku la ŋuti o. Aʋatsonyawo gblɔm wole ɖi na mi le nye ŋkɔ me. Nyemedɔ wo o.” Yehowae gblɔe.
Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Ne ƒe blaadre de na Babilonia vɔ la, mava mia gbɔ eye mawɔ ɖe amenuveveŋugbe si medo, be magakplɔ mi va teƒe sia la dzi. Yehowa be, menya ɖoɖo siwo mewɔ ɖe mia ŋu, mewɔ ɖoɖo be nu nadze edzi na mi, menye mawɔ vɔ̃ mi o, be mana mɔkpɔkpɔ mi eye ŋu nyui aɖe hã nake na mi. Ekema miayɔm eye matɔ na mi, miado gbe ɖa nam eye maɖo to mi. Miadim eye miakpɔm; ne miedim kple miaƒe dzi blibo ko. Miake ɖe ŋunye, eye makplɔ mi agbɔe tso aboyo me. Maƒo mia nu ƒu tso dukɔwo katã me kple teƒe siwo katã menya mi ɖo ɖo, eye magakplɔ mi ava teƒe sia, afi si mekplɔ mi tsoe yi ɖe aboyo mee.” Yehowae gblɔe.
Miagblɔ be, “Yehowa ɖo nyagblɔɖilawo na mi le Babilonia.” Gake ale Yehowa gblɔ le fia si nɔ David ƒe fiazikpui dzi, ame siwo katã susɔ ɖe du sia me, miaƒe dumetɔ siwo meyi aboyo me o la ŋuti, Ɛ̃, ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Madɔ yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ɖe wo ŋuti eye mawɔ wo abe gbotsetse manyomanyo si ƒaƒã ale gbegbe be womate ŋu aɖui o la ene. Mati wo yome kple yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃, eye woanye ŋɔdzinu na anyigbadzidukɔwo katã. Woazu ɖiŋudonu, bibi, alɔmeɖenu kple vlodonu le dukɔ siwo katã dome menya wo ɖo ɖo la. Elabena womeɖo to nye nyawo o, nya siwo meɖo ɖe wo enuenu to nye dɔla nyagblɔɖilawo dzi. Ke mi aboyomewo hã mieɖo to o,” Yehowae gblɔe.
Eya ta mise Yehowa ƒe nya, mi ame siwo meɖo ɖe aboyo me le Babilonia tso Yerusalem. Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ kple Israel ƒe Mawu la gblɔ le Ahab, Kolaya ƒe vi kple Zedekia, Maaseya ƒe vi, ame siwo le aʋatsonyagblɔɖiwo gblɔm le nye ŋkɔ dzi la ŋutie nye esi: “Makplɔ wo ade asi na Babilonia fia, Nebukadnezar eye wòawu wo le mia ŋkume. Le wo ta la, ame siwo katã yi aboyo me le Babilonia tso Yuda la awɔ fiƒodenya siawo ŋu dɔ, ‘Yehowa awɔ wò abe Zedekia kple Ahab ene, ame siwo Babilonia fia tɔ dzoe.’ Elabena wowɔ ŋukpenanu le Israel, wowɔ ahasi kple wo haviwo srɔ̃wo eye woka aʋatso le nye ŋkɔ me, evɔ nyemegblɔe na wo be wonewɔ nenema o. Menya eye menye ɖasefo nɛ.” Yehowae gblɔe.
Gbedeasi na Semaya
Gblɔ na Semaya, Nehelamitɔ be, “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Eŋlɔ agbalẽ le wò ŋutɔ wò ŋkɔ me heɖo ɖe Yerusalemtɔwo katã, na nunɔla Zefania, Maaseya ƒe vi kple nunɔla bubuawo.’ Eŋlɔ na Zefania be, ‘Yehowa ɖo wò nunɔlae ɖe Yehoiada teƒe be nànye Yehowa ƒe gbedoxɔ la dzi kpɔla, eye ne aɖaʋatɔ aɖe va le nu wɔm abe nyagblɔɖila ene la, lée de kunyowu me, eye nàde ga kɔ nɛ. Ekema nu ka ta mèka mo na Yeremia, Anatɔt la, ame si le nyagblɔɖila ƒe dɔ wɔm le mia dome la o? Eɖo agbalẽ sia ɖe mi le Babilonia be mianɔ afi ma wòadidi, eya ta mitso aƒewo mianɔ wo me, miade agble, eye miaɖu emenuwo.’ ”
Ke Nunɔla Zefania xlẽ agbalẽ la na Nyagblɔɖila Yeremia. Tete Yehowa ƒe nya va na Yeremia be, “Ɖo gbedeasi sia ɖe aboyomeawo katã be, ‘Ale Yehowa gblɔ le Semaya, Nehelamitɔ la ŋutie nye esi: “Esi Semaya gblɔ nya ɖi na mi, evɔ nyemedɔe o eye wòna miexɔ beblenya dzi se ta la,” ale Yehowa gblɔe nye esi: Mahe to na Semaya, Nehelamitɔ kple eƒe dzidzimeviwo katã, eƒe ƒometɔ aɖeke masusɔ ɖe eƒe amewo dome alo akpɔ nu nyui si mawɔ na nye dukɔ la o, elabena egblɔ nya be woadze aglã ɖe ŋutinye.’ ” Yehowae gblɔe.
Woagaɖo Israel te
Esia nye nya si va na Yeremia tso Yehowa gbɔ. “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Ŋlɔ nya siwo katã megblɔ na wò la ɖe agbalẽ me’ Yehowa be, ‘Ŋkekewo li gbɔna, esi makplɔ nye dukɔwo Israel kple Yuda agbɔe tso aboyo me, eye magbugbɔ anyigba si metsɔ na wo fofowo be wòanye wo tɔ la na wo.’ ” Yehowa gblɔe.
Nya siawoe Yehowa gblɔ tso Israel kple Yuda ŋuti. “Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Wose vɔvɔ̃ ƒe avifafa, ŋɔdzi koe li, menye ŋutifafa o.
Bia eye nàkpɔe ɖa be,
Ɖe ŋutsu afɔ fu ahadzi via?
Ekema, nu ka ta mekpɔ ŋutsu sesẽ ɖe
sia ɖe le asi lilim eƒe ƒodo dzi abe
nyɔnu si le ku lém ene,
eye woƒe mowo fu tititi ale?
Alele, anye ŋkeke dziŋɔ
eye ɖeke magasɔ kplii o!
Anye xaxaɣi na Yakob,
ke woaɖee le eme.”
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la be,
“Le ŋkeke ma dzi la,
maŋe kɔkuti la le woƒe kɔwo eye maɖe ga wo,
amedzrowo magado kluvi wo azɔ o.
Ke boŋ woasubɔ Yehowa,
woƒe Mawu la kple woƒe fia David,
si maɖo na wo.
“Eya ta mègavɔ̃ o. O, nye dɔla Yakob.
O Israel, wò mo megatsi dãa o.”
Yehowae gblɔe.
“Le nyateƒe me, makplɔ wò tso didiƒenyigba dzi,
eye maɖe wò dzidzimeviwo hã tso aboyo me.
Yakob aganɔ anyi le ŋutifafa kple dedinɔnɔ me
eye ame aɖeke magado vodzi nɛ o.
Meli kpli wò be maɖe wò.”
Yehowae gblɔe.
“Togbɔ be matsrɔ̃ dukɔ siwo katã me
mekaka mi ɖo hã la,
nyematsrɔ̃ miawo ya keŋkeŋ o.
Nyemagblẽ mi ɖi tomahemahee ya o,
mahe to na mi gake ɖe dzɔdzɔenyenye dzi.
“Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“ ‘Wò abi la nye abi makumaku, eye nuvevi si wɔ wò la,
womate ŋu adae o.
Ame aɖeke meli aʋli tawò o,
atike aɖeke meli na wò abi la o,
eya ta dɔyɔyɔ hã meli na wò o.
Wò lɔlɔ̃tɔwo katã ŋlɔ wò be,
wometsɔ ɖeke le eme na wò o.
Metu nu kpli wò abe ale si futɔ awɔ wòe ene,
eye mehe to na wò abe ale si ŋutasẽla awɔe ene,
elabena wò agɔdzedze lolo ŋutɔ,
eye wò nu vɔ̃wo hã sɔ gbɔ.
Nu ka ŋutie nèle avi fam tso wò abi
kple vevesese si dɔyɔyɔ meli na o la ŋuti?
Le wò agɔdzedze gbogboawo
kple wò nu vɔ̃ gbogboawo tae mewɔ nu
siawo katã ɖe ŋutiwò ɖo.
“ ‘Gake ame siwo katã vuvu wò la woavuvu wo,
eye wò futɔwo katã ayi aboyo me.
Ame siwo ha wò la, woaha woawo hã.
Ame siwo wɔ wò abe afunyinuwo
ene la, mawɔ woawo hã abe afunyinuwo ene.
Ke mana nàhaya, eye mana wò abiawo naku,
elabena woyɔ wò be saɖagatɔ,
Zion si ame aɖeke mebiaa eta sena o.’ ”
Yehowae gblɔe.
“Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“ ‘Kpɔ ɖa, magaɖo Yakob ƒe aƒe ƒe nu nyuiwo te
eye makpɔ nublanui na eƒe nɔƒewo;
woagbugbɔ du la atso ɖe gli gbagbãwo teƒe
eye woatu fiasã la ɖe eƒe nɔƒe xoxoa.
Kafukafuha kple aseyetsogbe aɖi tso wo dome.
Mana woadzi ɖe edzi eye wo dzi maɖe akpɔtɔ o.
Made bubu wo ŋu eye womaɖi gbɔ̃ o.
Wo viwo anɔ abe le blema ƒe ɣeyiɣiwo me ene
eye woƒe amehawo ali ke le ŋkunye me.
Mahe to na ame siwo katã te wo ɖe to.
Woƒe kplɔla anye woawo ŋutɔ dometɔ ɖeka
eye woƒe fia ado tso woawo ŋutɔ dome.
Matee vɛ kpokploe eye wòate ɖe ŋunye nyuie.
Elabena ame kae atsɔ eɖokui ana blibo be
wòate ɖe ŋutinye kpokploe?
Ale be mianye nye dukɔ
eye nye hã manye miaƒe Mawu.’ ”
Yehowae gblɔe.
Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ahom atu sesĩe
le dziku helĩhelĩ me,
eye yali abla ɖe ta ŋu na ame vɔ̃ɖiwo kɔtɔɔ.
Yehowa ƒe dziku dziŋɔ la matrɔ adzo o,
va se ɖe esime wòwɔ nu siwo katã le
eƒe dzi dzi la de goe hafi.
Le ŋkeke siwo gbɔna me la, miase nu sia gɔme.
Yehowa be, “Le ɣe ma ɣi la, manye Israel ƒe ƒomeawo katã ƒe Mawu, eye woanye nye dukɔ.”
Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Ame siwo metsi yi nu o
la akpɔ amenuveve le gbedadaƒo,
mava ana dzudzɔ Israel.”
Yehowa ɖe eɖokui fia mi tsã hegblɔ be,
“Melɔ̃ wò kple lɔlɔ̃ mavɔ,
metsɔ amenuveve he wò ɖe ɖokuinye ŋuti.
O, ɖetugbi dzadzɛ, Israel,
magaɖo wò te eye nànɔ te.
Agatsɔ wò axatsɛwo ayi ɖe ɣeɖuƒe
kple ame siwo le dzidzɔ kpɔm.
Miagado waintiwo ɖe Samaria ƒe togbɛwo dzi abe tsã ene;
agbledelawo ade waingble, eye woaɖu eƒe kutsetse.
Ŋkeke li gbɔna, esi gbetakpɔlawo ado ɣli
tso Efraim togbɛwo dzi be,
‘Miva ne miayi Zion,
ɖe Yehowa miaƒe Mawu la gbɔ.’ ”
Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Midzi ha kple dzidzɔ na Yakob,
mido ɣli ɖe dukɔwo ƒe gbãtɔ la ŋu.
Miɖe gbeƒã, midzi kafukafuha, ne miagblɔ be,
‘O Yehowa, ɖe wò amewo,
ɖe ame siwo susɔ ɖe Israel.’
Kpɔ ɖa, makplɔ wo tso anyiehenyigba dzi vɛ
eye maƒo wo nu ƒu tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke,
ŋkuagbãtɔwo, bunɔwo, funɔwo kple kulélawo anɔ wo dome;
ameha gã aɖe ŋutɔe atrɔ agbɔ.
Woatrɔ gbɔ kple avifafa eye woanɔ gbe dom ɖa
ne mekplɔ wo gbɔnae.
Makplɔ wo ato mɔ zɔzrɔ̃e si dzi womakli nu le o,
ato tɔʋuwo to elabena nyee nye Israel fofo
eye Efraim nye viŋutsu ŋgɔgbea nam.
“O mi dukɔwo, mise Yehowa ƒe nya,
miɖe gbeƒãe le ƒutadu didiwo me.
Ame si kaka Israel gbẽe la,
agaƒo wo nu ƒu eye wòakpɔ
eƒe alẽha dzi abe alẽkplɔla ene!
Elabena Yehowa axɔ Yakob aƒle,
eye wòaɖe wo tso ame si sẽ wu wo la ƒe asi me.
Woava ado dzidzɔɣli le Zion ƒe togbɛwo dzi.
Woatso aseye ɖe Yehowa ƒe nu gbogbo siwo nye,
bli, aha yeye, ami, alẽvi kple nyiviwo ŋuti.
Woawo anɔ abe amabɔ si wode tsii nyuie la ene
eye womagaxa nu azɔ o.
Emegbe la, ɖetugbiwo,
ɖekakpuiwo kple ame tsitsiwo siaa
aɖu ɣe akpɔ dzidzɔ.
Matrɔ woƒe konyifafa wòazu dzidzɔkpɔkpɔ
eye mana akɔfafa kple dzidzɔkpɔkpɔ wo ɖe nuxaxa teƒe.
Matsɔ nu nyui geɖe aɖi ƒo na nunɔlawo
eye maɖi ƒo na nye dukɔ hã
kple nye nu nyui geɖe.”
Yehowae gblɔe.
Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Wose konyifagbe kple avifafa vevie le Rama,
Rahel le avi fam ɖe viawo ta
eye wògbe be womegafa akɔ na ye o,
elabena viawo megali o.”
Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Ɖo asi wò gbe dzi be magafa avi o,
kple wò ŋkuwo dzi be womagafa aɖatsi o,
elabena fetu li na dɔ si nèwɔ,
woatrɔ agbɔ tso futɔwo ƒe anyigba dzi.”
Yehowae gblɔe.
Yehowa be,
“Eya ta mɔkpɔkpɔ li na wò etsɔ si gbɔna.
Viwòwo atrɔ ayi ɖe woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi.”
Yehowae gblɔe.
“Vavãe, mese Efraim wòle nu xam xoxoxo be:
‘Èhe to nam abe nyivi si dze aglã la ene
eye mexɔ tohehe la.
Gaɖom te eye matrɔ agbɔ
elabena wòe nye Yehowa nye Mawu.
Esi metra mɔ la,
evem,
metrɔ dzi me eye esi medze si ɖokuinye la,
meƒo akɔta.
Azɔ la ŋu kpem eye nye mo tsi dãa
elabena nye ɖekakpuimeŋukpe gale ŋunye!’
Ɖe Efraim menye vinye lɔlɔ̃,
vi si ŋu mekpɔa ŋudzedze le oa?
Togbɔ be meƒoa nu le eŋu zi geɖe hã la,
nye ŋkuwo gale eŋuti ko.
Eya ta nye dzi le eyome ɖaa
eye mekpɔa nublanui nɛ ŋutɔ,”
Yehowae gblɔe.
“Mitu dzesidetiwo
kple mɔfiatiwo ɖe mɔto.
Wò ŋku nenɔ mɔ gã la ŋu,
mɔ si dzi nèto to eŋu.
O, ɖetugbi dzadzɛ, Israel,
trɔ gbɔ, trɔ gbɔ va wò duwo me.
O, va se ɖe ɣe ka ɣie nàtsa tsaglãla,
wò vinyɔnu mawɔnuteƒe?
Yehowa le nu yeye wɔ ge le anyigba dzi,
nyɔnu aʋli ŋutsu ta.”
Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Ne mekplɔ wo tso aboyome gbɔe la, ame siwo le Yudanyigba dzi kple eƒe duwo me la agawɔ nya siawo ŋu dɔ be, ‘Yehowa ayra wò, O, dzɔdzɔenyenye ƒe nɔƒe, O, to kɔkɔe.’ Amewo anɔ anyi ɖekae le Yuda kple eƒe duwo me, agbledelawo kple lãnyilawo siaa. Mana ame siwo gbɔdzɔ la nagbɔ ɖe me eye ame siwo nu ti kɔ na la naɖi ƒo.”
Kasia menyɔ tso alɔ̃ me eye metsa ŋku godoo. Alɔ̃ si medɔ la vivi nam ŋutɔ.
Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna esi maƒã amegbetɔwo kple lãwo ƒe nuku ɖe Israel kple Yuda ƒe aƒewo me. Abe ale si nye ŋku le wo ŋu be maho wo, malã wo, maxlã wo ɖi, matsrɔ̃ wo eye mahe dzɔgbevɔ̃e va wo dzii ene la, nenema kee manɔ te ɖe wo ŋu be woatu xɔ eye woaƒã nu” Yehowae gblɔe. “Le ŋkeke mawo me la, amewo magagblɔ be, ‘Fofowo ɖu waintsetse gbogbo eye aɖu le viwo nyɔm’ o.
Ke boŋ ame sia ame aku ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ ta eye ame si ɖu waintsetse gbogbo la, eyae aɖu anyɔ.”
Nubabla yeye
Yehowa be, “Ɣeyiɣi li gbɔna
esi mabla nu yeye
kple Israel ƒe aƒe
kple Yuda ƒe aƒe.
Manɔ abe nu si mebla
kple wo fofowo ene
esi melé woƒe alɔnu be
makplɔ wo do goe le Egipte la ene o.
Elabena wotu nye nubabla
la togbɔ be menye srɔ̃ŋutsu na wo hã,”
Yehowae gblɔe.
“Esiae nye nubabla kple Israel ƒe aƒe la
le ɣeyiɣi ma megbe,” Yehowae gblɔe.
“Matsɔ nye se ade woƒe susuwo me
eye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋuti.
Manye woƒe Mawu,
eye woanye nye dukɔ.
Ame aɖeke magafia nu ehavi
alo nɔvia agblɔ be, ‘Dze si Yehowa’ o,
elabena wo katã woadze sim
tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi,”
Yehowae gblɔe.
“Elabena matsɔ woƒe vodadawo ake wo
eye nyemagaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃wo dzi o.” Yehowae gblɔe.
Ale Yehowa gblɔe nye esi,
ame si ɖoe na ɣe
be wòaklẽ le ŋkeke me,
ame si ɖe gbe na ɣleti kple ɣletiviwo
be woaklẽ le zã me,
ame si blu atsiaƒu
be eƒe tsotsoewo nadze agbo,
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ.
Yehowa be, “Ne ɖoɖo siawo bu le ŋkunye me la,
eya ko hafi Israel ƒe dzidzimeviwo
maganye dukɔ le gbɔnye o.”
Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Ne woate ŋu adzidze dziƒo
eye woate ŋu adzro anyigba ƒe agunu me akpɔ la,
eya ko hafi mate ŋu agbe nu le Israel ƒe dzidzimeviwo katã gbɔ
le nu siwo katã wowɔ la ta.”
Yehowae gblɔe.
Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna esi woagbugbɔ du sia atso nam, tso Hananel ƒe Gbetakpɔxɔ gbɔ va se ɖe Dzogoedzigbo la nu. Woada nudzidzeka tẽe tso afi ma ayi Gareb togbɛ la gbɔ eye woatso eme ado ɖe Goa. Balime afi si wotsɔ ŋutilã kukuwo kple woƒe afiwo ƒu gbe ɖo la katã kple agbleliƒowo me va ke ɖe keke Kidron Balime, le ɣedzeƒe lɔƒo, va se ɖe keke Sɔgbo la ƒe dzogoe dzi, ke anye teƒe kɔkɔe na Yehowa. Womagagbã du sia alo agblẽe akpɔ gbeɖe o.”
Yeremia ƒle agbledenyigba
Esia nye Yehowa ƒe nya si va na Yeremia le Yuda fia Zedekia ƒe ƒe ewolia me eye wòganye Nebukadnezar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me. Babilonia fia ƒe aʋakɔwo ɖe to ɖe Yerusalem eye wolé Nyagblɔɖila Yeremia de gae ɖe xɔxɔnu si dzɔlawo nɔna le Yuda fia ƒe fiasã me.
Azɔ Yuda fia Zedekia de gae ɖe afi ma hegblɔ nɛ be, “Nu ka ta nèle nya gblɔm ɖi alea ɖo? Egblɔ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Matsɔ du sia ade asi na Babilonia fia, eye wòaxɔe. Yuda fia Zedekia mado le Babiloniatɔwo ƒe asi me o, ke boŋ woalée ade asi na Babilonia fia, aƒo nu kplii ŋkume kple ŋkume, eye wòakpɔe kple eya ŋutɔ ƒe ŋkuwo. Akplɔ Zedekia ayi ɖe Babilonia, afi si wòanɔ va se ɖe esime matu nu kplii Yehowae gblɔe. Ne èwɔ aʋa kple Babiloniatɔwo la, màɖu wo dzi o.’ ”
Yeremia ɖo eŋu be, “Yehowa ƒe nya va gblɔe nam be, ‘Tɔwòɖia, Salum, ƒe vi Hanamel ava gbɔwò agblɔ na wò be, “Ƒle nye agble si le Anatɔt elabena, abe ƒonyemetɔ kpamkpam ene la, enye wò gome kple dɔdeasi be nàƒlee?” ’
“Tete abe ale si Yehowa gblɔe ene la, tɔnyeɖia ƒe vi, Hanamel va gbɔnye le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu, eye wògblɔ nam be, ‘Ƒle nye agble si le Anatɔt le Benyaminyigba dzi. Esi wònye wò domenyinu wònye be nàxɔe eye wòanye tɔwò ta la, ƒlee na ɖokuiwò.’
“Menyae be esia nye gbe tso Yehowa gbɔ, eya ta meƒle agble si le Anatɔt la le tɔnyeɖia ƒe vi, Hanamel si heda klosaloga gram alafa eve tsɔ nɛ. Mede asi anyigbaƒlegblalẽ la te hetre enu, hena ɖasefowo hã de asi ete eye meda klosaloga la le nudanu me. Mexɔ anyigbaƒlegbalẽ la, esi nu wotre, eye ɖoɖo si dzi woƒle agblea ɖo la le eme, hekpe ɖe esi nu wometre o la ŋuti. Metsɔ anyigbaƒlegbalẽ la na Baruk, Neria ƒe vi, Mahseya ƒe vi, le tɔnyeɖia ƒe vi, Hanamel kple ɖasefo siwo de asi agbalẽ la te kple Yudatɔ siwo katã nɔ anyi ɖe dzɔlawo ƒe xɔxɔnu la ŋkume.
“Le woƒe ŋkume mede se siawo na Baruk. ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Tsɔ agbalẽ siawo, anyigbaƒlegbalẽ si nu wotre kple esi le ʋuʋu la siaa de ze me ne woanɔ anyi eteƒe nadidi. Elabena ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Woagaƒle aƒewo, agbledenyigbawo kple waingblewo le anyigba sia dzi.” ’
“Esi metsɔ anyigbaƒlegbalẽ la na Neria ƒe vi, Baruk vɔ la, medo gbe ɖa na Yehowa gblɔ be:
“O, Aƒetɔ Yehowa, wòe tsɔ wò ŋusẽ triakɔ kple wò abɔ si le dzi la wɔ dziƒo kple anyigbae. Naneke mesesẽ na wò akpa o. Elɔ̃a ame akpe nanewo gake ètsɔa fofowo ƒe nu vɔ̃wo ƒe tohehe ɖoa akɔ na vi siwo wodzi. O Mawu gã kple ŋusẽtɔ, ame si ŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, wò ɖoɖowo lolo eye wò nuwɔwɔwo tri akɔ. Wò ŋkuwo le te ɖe amegbetɔwo ƒe mɔwo ŋu eye nèwɔa nu sia nu si ame sia ame dze na la nɛ ɖe eƒe agbenɔnɔ kple eƒe nuwɔnawo nu. Èwɔ dzesi gãwo kple nukunu triakɔwo le Egiptenyigba dzi eye nègale wo wɔwɔ dzi va se ɖe egbe sia, le Israel kple amegbetɔwo katã dome eye nèxɔ ŋkɔ gã na ɖokuiwò esi nye tɔwò va se ɖe fifia. Èkplɔ wò dukɔ, Israel, do goe le Egipte kple dzesiwo, nukunuwo, alɔ sesẽ kple abɔ si le dzi kple ŋɔdzi gã. Ètsɔ anyigba sia, si nèka atam be yeatsɔ ana wo fofowo la na wo, anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo fũu. Woge ɖe anyigba la dzi hexɔe gake womeɖo to wò alo wɔ wò seawo dzi o. Womewɔ nu siwo ƒe se nède na wo be woawɔ la o, eya tae nèhe gbegblẽ sia katã va wo dzii ɖo.
“Kpɔ ale si woƒu kpo ɖe dua ŋutii be woaxɔe ɖa. Le yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ta la, woatsɔ du la ade asi na Babiloniatɔ siwo ɖe to ɖee. Nu si nègblɔ la va eme abe ale si nèle ekpɔmii fifia ene. Togbɔ be woatsɔ du la ade asi na Babiloniatɔwo hã la, O, wò Aƒetɔ Yehowa, ègblɔ nam be, ‘Tsɔ klosaloga nàƒle agbledenyigbae eye nàna ɖasefowo nakpɔ eƒleƒe.’ ”
Tete Yehowa ƒe nya va na Yeremia be, “Nyee nye Yehowa, amegbetɔwo katã ƒe Mawu. Ɖe nane sesẽ nam akpa? Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: Matsɔ du sia ade asi na Babiloniatɔwo kple Babilonia fia, Nebukadnezar, be woaxɔe. Babiloniatɔ siwo ɖe to ɖe du sia la age ɖe eme atɔ dzoe. Woana wòabi azu afi, hekpe ɖe aƒe siwo tame wodoa dzudzɔ ʋeʋĩ na Baal le eye woƒoa aha ɖi na mawu tutɔwo le, ne woatsɔ ado dziku nam la ŋuti.
“Tso Israelviwo kple Yudatɔwo ƒe ɖekakpuime ke la, womewɔ naneke wu nu vɔ̃ɖi le ŋkunye me o. Le nyateƒe me la, Israelviwo mewɔ naneke wu be woado dziku nam kple nu si woƒe asi wɔ la, o.” Yehowae gblɔe. Tso gbe si gbe ke wotso du sia va se ɖe fifia la, du sia do dziku kple dɔmedzoe nam ale gbegbe be ele nam be maɖee ɖa le nye ŋkuta. Israelviwo kple Yudatɔwo tsɔ woƒe nu vɔ̃ɖi siwo katã wowɔ la do dziku nam, woawo ŋutɔwo ƒe fiawo, woƒe dumegãwo, woƒe nunɔlawo, woƒe nyagblɔɖilawo, Yuda ŋutsuwo kple Yerusalemtɔwo siaa. Wotrɔ woƒe ʋu me dem, menye woƒe ŋkume o. Togbɔ be mefia nu wo atraɖii hã la, womeɖo to alo trɔ ɖe amehehe ŋuti o. Wotsɔ woƒe legba nyɔŋuawo ɖo aƒe si ŋuti woyɔ nye ŋkɔ ɖo la me eye wodo gui. Wotu nuxeƒewo na Baal le Ben Hinom ƒe Balime, ne woatsɔ wo viŋutsuviwo kple wo vinyɔnuviwo asa vɔe na Molek, evɔ nyemeɖo nu sia na wo gbeɖegbeɖe alo wòayi nye ta me va ge, be woawɔ ŋunyɔnu sia eye woakplɔ Yuda ade nu vɔ̃ me o.
Miele gbɔgblɔm le du sia ŋuti be, “To yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ me, woatsɔ du la ade asi na Babilonia fia,” gake ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Le nyateƒe me la, maƒo wo nu ƒu tso anyigba siwo katã dzi menya wo ɖo ɖo le nye dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ la me. Matrɔ wo agbɔe va teƒe sia eye mana woanɔ anyi le dedinɔnɔ me. Woanye nye dukɔ eye nye hã manye woƒe Mawu. Mana dzi ɖeka wo eye woƒe afɔɖeɖewo hã anɔ ɖeka ale be woavɔ̃m ɣe sia ɣi hena woawo ŋutɔwo kple wo vi siwo ava xɔ ɖe wo teƒe la ƒe nyui. Mabla nu mavɔ kpli wo, nyemadzudzɔ nyuiwɔwɔ na wo o eye made dzi ƒo na wo be woavɔ̃m, ale be womagatrɔ le yonyeme akpɔ o. Matsɔ dzidzɔ awɔ nyui na wo eye matsɔ nye dzi blibo kple luʋɔ blibo ali ke wo kple kakaɖedzi ɖe anyigba sia dzi.
“Ale Yehowa gblɔe nye esi: Abe ale si mehe dzɔgbevɔ̃e gã sia va ame siawo dzii ene la, nenema kee matsɔ dzidzedzekpɔkpɔ si ŋugbe medo na wo la hã ana wo. Ava eme be, woagaƒle agblewo le anyigba si ŋuti miegblɔ le be, ‘Ezu gbegbe si menyo na naneke o, eye amegbetɔ alo gbemelãwo gɔ̃ hã megale edzi o, elabena wotsɔe de asi na Babiloniatɔwo’ la dzi. Woatsɔ klosaloga aƒle agblewo eye woawɔ agbalẽ ɖe wo dzi, ade asi ete kple ɖasefowo, eye woatre wo nu le Benyaminyigba dzi, kɔƒe siwo ƒo xlã Yerusalem, le Yuda duwo kple togbɛduwo me, le ɣetoɖoƒe ƒe togbɛmɔwo to kple gbegbenutowo me, elabena matrɔ woƒe nunyoname vɛ na wo.” Yehowae gblɔe.
Tɔtrɔgbɔ ƒe ŋugbedodo
Esi Yeremia gale ga me ko le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu la, Yehowa ƒe nya va nɛ zi evelia be, “Ale Yehowa, ame si wɔ anyigba, Yehowa si wɔe hetsɔe ɖo te, eye eŋkɔe nye Yehowa la gblɔe nye esi: ‘Yɔm, eye matɔ na wò, magblɔ nu gã siwo mènya o, eye wo me dzodzro hã meli o la na wò!’ Elabena ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ ɖe aƒe siwo le du sia me kple Yuda fiawo ƒe fiasã siwo wogbã ƒu anyi be woalɔ awɔ akpoxɔnu ɖe futɔwo ƒe aʋawɔnuwo kple yi ŋuti, le aʋa si wowɔ kple Babiloniatɔwo la me. ‘Woayɔ fũu kple ŋutsu siwo mewu le nye dziku kple dɔmedzoe me la ƒe kukuawo. Maɣla nye mo ɖe du sia le eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo katã ta.
“ ‘Gake kpɔ ɖa mayɔ dɔ wo eye woahaya. Mayɔ dɔ nye dukɔ eye mana ŋutifafa kple dedinɔnɔ fũu. Makplɔ Yuda kple Israel agbɔe tso aboyo me, eye magaɖo wo te abe ale si wonɔ tsã ene. Maklɔ nu vɔ̃ siwo katã wowɔ ɖe ŋutinye la ɖa le wo ŋu, eye matsɔ woƒe aglãdzedze ƒe nu vɔ̃ siwo katã wowɔ ɖe ŋunye la ake wo. Ekema du sia atsɔ ŋkɔ gã, dzidzɔ, kafukafu kple bubu vɛ nam le anyigbadzidukɔ siwo katã se nu nyui siwo mewɔ na wo la dome; ŋɔdzi alé wo eye woadzo nyanyanya le nunyoname gbogbo kple ŋutifafa si mena wo la ta.’
“Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ègblɔ tso teƒe sia ŋuti be, ezu aƒedo si me amewo alo lãwo mele o.’ Gake le Yuda duwo kple Yerusalem kpɔdome siwo ɖi gbɔlo, eye amegbetɔwo alo lãwo gɔ hã megale o la, woagase dzidzɔ kple aseyetsotso, ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe kple ame siwo tsɔ akpedavɔsa va Yehowa ƒe gbedoxɔ mee, woanɔ gbɔgblɔm be,
“Mida akpe na Yehowa,
Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,
elabena Yehowa ƒe dɔ me nyo
eye eƒe lɔlɔ̃ li tegbee.
Elabena magaɖo anyigba la ƒe nunyonamewo te abe tsã ene.” Yehowae gblɔe.
“Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Teƒe sia kple eƒe du siwo katã zu aƒedo, eye amewo alo lãwo gɔ̃ hã menɔ wo me o la aganye lãnyiƒe damawo na alẽkplɔlawo be woakplɔ woƒe alẽhawo ayii. Le togbɛnyigba ƒe duwo me kple du siwo le ɣetoɖoƒe ƒe togbɛmɔwo to, kpe ɖe du siwo le gbegbe le Benyaminyigba dzi, heyi ɖe kɔƒe siwo ƒo xlã Yerusalem kple Yuda ƒe duwo la, alẽhawo agato wo xlẽla ƒe asi te.’ Yehowae gblɔe.
“Yehowa be, ‘Ŋkekewo li gbɔna esi mawɔ ɖe amenuveve ƒe ŋugbe si medo na Israel kple Yuda ƒe aƒewo dzi.’
“Le ŋkeke mawo kple ɣeyiɣi mawo me la,
mana Atilɔ dzɔdzɔe aɖe nado tso David ƒe ƒome me, awɔ nu si le eteƒe, eye wòle dzɔdzɔe la le anyigba dzi.
Le ŋkeke mawo me la, woaɖe Yuda,
eye Yerusalem anɔ anyi le dedinɔnɔ me.
Esiae nye ŋkɔ si woayɔ nɛ,
‘Yehowa Míaƒe Dzɔdzɔenyenye?’
Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘David magbe amekpɔkpɔ ne wòanɔ anyi ɖe Israel ƒe aƒe la ƒe fiazikpui dzi loo, alo nunɔla siwo nye Leviviwo la nagbe ame si anɔ nye ŋkume ɖaa anɔ numevɔsa, nuɖuvɔsa kple vɔsa bubuwo wɔm nam la kpɔkpɔ o.’ ”
Yehowa ƒe nya va na Yeremia be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ne miate ŋu atu nye nu si mebla kple ŋkeke kple zã, ale be ŋkeke kple zã magava ɖe woƒe ɖoɖo nu o la, ekema woate ŋu atu nye nu si mebla kple nye dɔla David kple esi mebla kple Leviviwo, ame siwo nye nunɔlawo eye wowɔa subɔsubɔdɔ le ŋkunye me. David hã magakpɔ dzidzimevi si aɖu fia le eƒe fiazikpui dzi o. Mawɔ David ƒe dzidzimeviwo woanye nye dɔlawo eye mana Levi vi siwo wɔa subɔsubɔdɔ le ŋkunye me la nasɔ gbɔ abe ɣletiviwo le dziŋgɔli ŋu kple ke le ƒuta ene.’ ”
Yehowa ƒe nya va na Yeremia be, “Mède dzesii be ame siawo le gbɔgblɔm be, ‘Yehowa gbe fiaɖuƒe eve siwo wòtia’ la oa? Ale woɖe alɔme le dukɔ la ŋu eye womegabua wo abe dukɔ ene o. Ale Yehowa gblɔe nye esi: Nenye ɖe nyemebla nu kple ŋkeke kple zã o eye mede se na dziƒo kple anyigba o la, ekema magbe Yakob ƒe dzidzimeviwo kple nye dɔla, David eye nyematia via ŋutsuwo dometɔ aɖeke be wòaɖu fia ɖe Abraham, Isak kple Yakob ƒe dzidzimeviwo dzi o, elabena matrɔ woƒe dzɔgbenyui na wo, eye makpɔ nublanui na wo.”
Nuxɔxlɔ̃ Zedekia
Esime Babilonia fia Nebukadnezar kple eƒe aʋakɔwo kple fiaɖuƒe siwo katã le ete la le aʋa wɔm kple Yerusalem kple du siwo katã ƒo xlãe la, nya sia tso Yehowa gbɔ va na Yeremia be, “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Yi ɖe Yuda fia Zedekia gbɔ nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Esusɔ vie matsɔ du sia ade asi na Babilonia fia, wòatɔ dzoe. Màdo le eƒe asi me o, ke boŋ woalé wò kokoko ade asi nɛ. Àkpɔ Babilonia fia la kple wò ŋutɔ wò ŋkuwo eye aƒo nu kpli wò ŋkume kple ŋkume. Ale woakplɔ wò ayi Babiloniae.
“ ‘Ke hã la, se Yehowa ƒe ŋugbedodo, O Yuda fia Zedekia. Ale Yehowa gblɔ tso ŋutiwòe nye esi: Màtsi yi nu o, ke boŋ àku le ŋutifafa me. Abe ale si amewo do kuteƒedzo na fia siwo do ŋgɔ na wò, ame siwo nye fofowòwo, hetsɔ de bubu wo ŋutii ene la, nenema kee woado dzo atsɔ de bubu ŋutiwòe ahado konyifaɣli be, “Alele, O nye Aƒetɔ!” Nye ŋutɔe do ŋugbe sia, Yehowae gblɔe.’ ”
Ale Nyagblɔɖila Yeremia yi ɖato nya siawo katã na Yuda fia Zedekia le Yerusalem, esime Babilonia fia le aʋa wɔm kple Yerusalem kple Yuda du siwo gale te nu, abe Lakis kple Azeka ene. Du siawo koe ganye du siwo ŋu gli sesẽwo nɔ le Yuda.
Ablɔɖe na kluviwo
Gbe tso Yehowa gbɔ va na Yeremia esi fia Zedekia wɔ nubabla kple ame siwo katã nɔ Yerusalem, be woaɖe gbeƒã ablɔɖe na kluviwo vɔ megbe. Nya lae nye be ame sia ame nena ablɔɖe eƒe Hebri kluvi siwo nɔ esi, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa. Ame aɖeke megawɔ ehavi Hebritɔ aɖeke kluvie o. Eya ta dumegãwo katã kple ame siwo ɖo nubabla sia me la lɔ̃ be woaɖe asi le kluviawo ŋu, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, be womaganɔ kluvinyenye me o. Esi wolɔ̃ ta la, wona ablɔɖe kluviawo. Gake wotrɔ susu emegbe eye wogana ame siwo ŋu woɖe asi le la gazu kluviwo.
Tete Yehowa ƒe nya va na Yeremia be, “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Mebla nu kple mia fofowo esi mekplɔ wo do goe tso Egipte, tso kluvinyenye me. Megblɔ be, ‘Le ƒe adrelia me la, mia dometɔ ɖe sia ɖe naɖe asi le nɔvia Hebritɔ si tsɔ eɖokui de awɔba me nɛ la ŋu. Esi wòsubɔ wò ƒe ade vɔ megbe la, ele be nàɖe asi le eŋu wòadzo.’ Gake mia fofowo gbe, womeɖo tom alo de nu eme nam o. Nyitsɔ laa mietrɔ dzi me hewɔ nu si nyo la le nye ŋkume. Mia dometɔ ɖe sia ɖe ɖe gbeƒã ablɔɖe na ehavi. Kura gɔ̃ hã la, miebla nu le ŋkunye me le Aƒe si ŋuti woyɔ nye ŋkɔ ɖo la me. Ke azɔ la miegatrɔ glalã, heƒo ɖi nye ŋkɔ eye mia dometɔ ɖe sia ɖe gaxɔ ŋutsu kple nyɔnu kluvi siwo miena ablɔɖee be woayi afi si wolɔ̃. Miezi wo dzi be woaganye miaƒe kluviwo.
“Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: Mieɖo tom o, miena ablɔɖe hã mia haviwo o. Eya ta azɔ la, meɖe gbeƒã ‘ablɔɖe’ na mi, ‘ablɔɖe’ be miatsi yi, dɔvɔ̃ kple dɔwuame ƒe asi me, eye matsɔ mi awɔ ŋɔdzidonu na anyigbadzifiaɖuƒewo katã. Ŋutsu siwo tu nye nubabla, eye womewɔ ɖe nu si wobla le ŋkunye me la dzi o la, mawɔ wo abe nyivi si wofe ɖe eve hezɔ to eƒe titina la ene. Yuda kple Yerusalem dumegãwo, nunɔlawo kple ame siwo katã le anyigba dzi, ame siwo zɔ to nyivi fefe la titina la, makplɔ de asi na woƒe futɔ siwo le woƒe agbe yome tim. Woƒe ŋutilã kukua azu nuɖuɖu na dziƒoxeviwo kple gbemelãwo.
“Matsɔ Yuda fia Zedekia kple eƒe dumegãwo ade asi na woƒe futɔ siwo le woƒe agbe yome tim, na Babilonia fia ƒe aʋakɔ siwo ʋu dzo le mia gbɔ la. Yehowa be yele gbe ɖe ge, eye yeakplɔ wo agbɔe va du sia me. Woawɔ aʋa kplii, axɔe eye woatɔ dzoe wòabi. Mana be Yuda duwo nazu aƒedo, ale be ame aɖeke mate ŋu anɔ wo me o.”
Rekabi ƒomea
Esia nye nya si va na Yeremia tso Yehowa gbɔ esi Yehoyakim, Yosia ƒe vi le fia ɖum le Yuda. “Yi ɖe Rekabi ƒomea gbɔ, eye nàkpe wo ayi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe xɔŋuxɔewo dometɔ ɖeka me eye nàku wain na wo woano.”
Ale meyi be mayɔ Yazania, Yeremia ƒe vi, Habazinia ƒe vi, nɔvia ŋutsuwo kple via ŋutsuwo kple Rekabi ƒomea katã. Mekplɔ wo va Yehowa ƒe gbedoxɔ mee eye míege ɖe Mawu ƒe ame, Igdalia ƒe vi, Hanan ƒe viŋutsuwo ƒe xɔ me enye xɔ si te ɖe dɔdzikpɔlawo ƒe xɔ ŋu eye wòle agbonudzɔla, Salum ƒe vi Maaseya ƒe xɔ tame. Tete metsɔ goe siwo wain yɔ banaa la kple kpluwo ɖo Rekabi ƒomea ƒe ŋutsuwo kɔme hegblɔ na wo be, “Mino wain.”
Gake woɖo eŋu nam be, “Míenoa wain o, elabena mía tɔgbuigã, Yonadab, Rekab ƒe vi de se sia na mí be, ‘Miawo ŋutɔwo loo, alo miaƒe dzidzimeviwo mekpɔ mɔ ano wain gbeɖe o. Gawu la, miatu xɔwo, aƒã nuku alo ade waingble gbeɖe o; nu siawo ƒe ɖeke mekpɔ mɔ anɔ mia si o, ke boŋ mianɔ avɔgbadɔwo me ɣe sia ɣi. Ekema mianɔ agbe didi le anyigba la dzi, afi si mienye tsatsalawo le.’ Míewɔ ɖe nu sia nu si ƒe se mía tɔgbuigã, Yehonadab, Rekab ƒe vi la de na mí la dzi. Míawo ŋutɔ loo alo mía srɔ̃nyɔnuwo, alo mia viŋutsuwo kple vinyɔnuwo meɖɔ wain kpɔ, alo tu xɔwo be mianɔ wo me, alo de waingble, agblewo, alo xa nukuwo kpɔ o. Agbadɔxɔwo me koe míenɔna eye míewɔ ɖe se siwo katã mía tɔgbuigã, Yonadab de na mí la dzi. Gake esi Babilonia fia, Nebukadnezar va dze anyigba sia dzi la, míegblɔ be, ‘Miva míayi ɖe Yerusalem, ne míasi le Babilonia kple Aramea ƒe aʋakɔwo nu.’ Ale míetsi Yerusalem.”
Tete Yehowa ƒe nya va na Yeremia be, “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Yi nàgblɔ na Yuda ŋutsuwo kple Yerusalem nɔlawo be, ‘Miele nu srɔ̃ ge awɔ ɖe nye nyawo dzi oa?’ Yehowae gblɔe. ‘Yehonadab, Rekab ƒe vi de se na via ŋutsuwo be womegano wain o, eye wolé eƒe sea me ɖe asi. Va se ɖe egbeŋkekea dzi womenoa wain o, elabena wolé wo tɔgbui ƒe sea me ɖe asi. Gake nye ya meƒo nu na mi edziedzi, ke miegbe toɖoɖom. Meɖo nye dɔla nyagblɔɖilawo ɖe mi enuenu, wogblɔ na mi be. “Mia dometɔ ɖe sia ɖe netrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃wo dzi ne wòaɖɔ eƒe agbenɔnɔ ɖo eye migadze mawu tutɔwo yome be miasubɔ wo o. Ekema mianɔ anyigba si metsɔ na mi kple mia fofowo la dzi.” Gake mietsɔ ɖeke le eme alo ɖo tom o. Rekab ƒe vi, Yehonadab, ƒe dzidzimeviwo wɔ ɖe se si wo tɔgbui de na wo la dzi, ke dukɔ sia ya meɖo tom o.’
“Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Miɖo to! Mahe gbegblẽ si meɖe gbeƒãe la ava Yuda kple ame sia ame si le Yerusalem la dzi. Meƒo nu na wo, gake womeɖo tom o meyɔ wo gake wometɔ o.’ ”
Ale Yeremia gblɔ na Rekabi ƒomea be, “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye si, ‘Miewɔ ɖe mia tɔgbui Yehonadab ƒe sedede dzi eye miewɔ ɖe eƒe ɖoɖowo kple nu siwo katã wòɖo anyi na mi la dzi.’ Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Yonadab, Rekab ƒe vi magbe ame si asubɔe la kpɔkpɔ gbeɖe o.’ ”
Yehoyakim tɔ dzo Yeremia ƒe lãgbalẽ si dzi wòŋlɔ nu ɖo
Le Yuda fia, Yehoyakim, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me la, Yehowa ƒe nya sia va na Yeremia be, “Tsɔ lãgbalẽ nàŋlɔ nu siwo katã megblɔ na wò tso Israel, Yuda kple dukɔ bubuwo ŋuti la ɖe edzi. Ŋlɔe tso gbe si gbe medze nuƒoƒo kpli wò le Yosia ƒe fiaɖuɖu ƒe ɣeyiɣiwo me dzi va se ɖe fifia. Ɖewohĩ ne Yudatɔwo ase gbegblẽ siwo katã meɖo be mahe va wo dzii la, wo dometɔ ɖe sia ɖe atrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃ dzi; ekema matsɔ woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo kple nu vɔ̃ ake wo.”
Tete Yeremia yɔ Neria ƒe vi, Baruk eye esi Yeremia le nya siwo katã Yehowa gblɔ nɛ la gblɔm la Baruk ŋlɔ wo katã ɖe lãgbalẽ la dzi. Yeremia gblɔ na Baruk be, “Mele ga me eya ta nyemate ŋu ayi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me o. Eya ta wò, yi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me le nutsitsidɔ ŋkeke aɖe dzi eye nàxlẽ Yehowa ƒe nya siwo megblɔ na wò nèŋlɔ la na wo. Xlẽe na Yudatɔ siwo katã tso woƒe du vovovowo me va. Ɖewohĩ woabɔbɔ wo ɖokui kple kokoƒoƒo le Yehowa ŋkume eye woatrɔ tso woƒe mɔ vɔ̃wo dzi elabena dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ si Yehowa gblɔ ɖi tso ame siawo ŋuti la lolo ŋutɔ.”
Neria ƒe vi, Baruk wɔ nu siwo katã Nyagblɔɖila Yeremia gblɔ nɛ be wòawɔ. Le Yehowa ƒe gbedoxɔ me la, exlẽ Yehowa ƒe nya na wo tso lãgbalẽ la me. Le Yuda fia, Yehoyakim, Yosia ƒe vi, ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe atɔ̃lia ƒe ɣleti asiekɛlia me la, woɖe gbeƒã nutsitsidɔ le Yehowa ŋkume na Yerusalemtɔwo kple ame siwo katã tso Yuda ƒe duwo me va. Tso Safan ƒe vi, Gemaria, agbalẽŋlɔla ƒe xɔ si le xɔxɔnu dzigbetɔ si le gbedoxɔ ƒe Agboyeyea nu me la, Baruk xlẽ Yeremia ƒe nya siwo le lãgbalẽ la dzi la na ame siwo katã le Yehowa ƒe gbedoxɔ me.
Esi Mikaya, Gemaria ƒe vi, Safan ƒe vi la se Yehowa ƒe nya siwo katã woŋlɔ ɖe lãgbalẽ la dzi la, eɖiɖi yi ɖe agbalẽŋlɔla ƒe xɔ si le fiasã me la me, afi si dumegãwo ƒo ta kpli ɖe aɖaŋu me le. Woawoe nye: nuŋlɔla, Elisama, Delaya; Semaya ƒe vi, Elnatan, Akbor ƒe vi; Gemaria, Safan ƒe vi; Zedekia, Hananiya ƒe vi kple dumegã bubuwo katã. Esi Mikaya gblɔ nu siwo katã Baruk xlẽ na ameawo tso lãgbalẽ la me la, dumegãwo katã dɔ Yehudi, Netania ƒe vi, Selemia ƒe vi, Kusi ƒe vi ɖo ɖe Baruk be woagblɔ nɛ be, “Tsɔ lãgbalẽ si me nèxlẽ nu le na dukɔ la, ne nàva.” Tete Neria ƒe vi, Baruk, yi wo gbɔ kple lãgbalẽ la. Wogblɔ nɛ be, “Míeɖe kuku nɔ anyi, ne nàxlẽe na mí.”
Tete Baruk xlẽe na wo. Esi wose nya siawo katã la, vɔvɔ̃ ɖo wo eye wode asi wo nɔewo ƒe ŋkume kpɔkpɔ me kple vɔvɔ̃ eye wogblɔ na Baruk be, “Ele be nàka nya siawo ta na fia la.” Tete wobia Baruk be, “Gblɔe na mi, aleke nèwɔ ŋlɔ nu siawo? Yeremiae gblɔ wo na wòa?”
Baruk ɖo eŋu be, “Ɛ̃, eyae gblɔ nya siawo katã nam eye metsɔ nuŋlɔtsi ŋlɔe ɖe lãgbalẽ la dzi.”
Dumegãwo gblɔ na Baruk be, “Wò kple Yeremia, miyi miaɣla mia ɖokui. Migana ame aɖeke nanya afi si miele o.”
Esi wotsɔ lãgbalẽ la da ɖe agbalẽŋlɔla Elisama ƒe xɔ me vɔ la, woyi ɖe fia la gbɔ le xɔxɔnu eye wogblɔ nya ɖe sia ɖe nɛ. Fia la dɔ Yehudi be wòaɖatsɔ lãgbalẽ la vɛ. Yehudi yi ɖatsɔe le agbalẽŋlɔla Elisama ƒe xɔ me eye wòxlẽe na fia la kple eƒe dumegã siwo katã le tsitre ɖe exa. Enye ɣleti asiekɛlia eye fia la nɔ anyi ɖe eƒe vuvɔŋɔlixɔ me eye wodo dzo ɖe ze me da ɖe eƒe akɔme. Ne Yehudi xlẽ lãgbalẽ la fli etɔ̃ alo ene ko la, fia la tsɔa agbalẽŋlɔlawo ƒe hɛ lãnɛ ɖa hetsɔna ƒua gbe ɖe dzo si le ekɔme la me. Ewɔe alea va se ɖe esime wòtsɔ lãgbalẽ la katã de dzo me. Fia la kple eŋutime siwo katã se agbalẽ la me nyawo la meɖe vɔvɔ̃ aɖeke fia alo dze awu le wo ɖokuiwo ŋuti o. Togbɔ be Elnatan, Delaya kple Gemaria ƒoe ɖe fia la nu be megade lãgbalẽ la dzo me o hã la, edo toku wo. Le esia teƒe boŋ la, fia la ɖe gbe be Yerameel, via ŋutsuwo dometɔ ɖeka, Seraya, Azriel ƒe vi kple Selemia, Abdeel ƒe vi, woayi aɖalé Baruk, agbalẽŋlɔla kple Yeremia, nyagblɔɖila la vɛ, ke Yehowa tsɔ wo ɣla.
Esi fia la tɔ dzo lãgbalẽ si dzi Baruk ŋlɔ nya siwo katã Yeremia gblɔ nɛ ɖo la, Yehowa ƒe nya va na Yeremia be: “Tsɔ lãgbalẽ bubu, eye nàŋlɔ nya siwo katã nɔ gbãtɔ dzi la ɖe edzi, nya siwo ke Yuda fia Yehoyakim tɔ dzoe. Gawu la, gblɔ na Yuda fia Yehoyakim be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Ètɔ dzo lãgbalẽ ma, hegblɔ be, “Nu ka ta nèŋlɔ ɖe edzi be Babilonia fia ava kokoko agblẽ anyigba sia eye wòatsrɔ̃ amegbetɔwo kple lãwo siaa ɖa le edzi?” Eya ta ale Yehowa gblɔ ɖe Yuda fia Yehoyakim ŋutie nye si: Ame aɖeke masusɔ nɛ, si anɔ David ƒe fiazikpui dzi o, woatsɔ eƒe ŋutilã kukua aƒu gbe ɖe gota, eye ŋdɔkutsu aɖui le ŋkeke me eye ahũ aƒoe le zã me. Mahe to na eya kple viawo kple eƒe dɔlawo katã le woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ta. Mahe gbegblẽ ɖe sia ɖe si megblɔ ɖi la va wo, ame siwo le Yerusalem kple Yudatɔwo dzii, elabena womeɖo to o.’ ”
Ale Yeremia tsɔ lãgbalẽ bubu na Neria ƒe vi, Baruk, agbalẽŋlɔla la, eye esi Yeremia le nyawo gblɔm la, Baruk ŋlɔ nya siwo katã Yuda fia, Yehoyakim tɔ dzoe le gbãtɔ dzi la ɖe edzi. Wotsɔ nya siwo le abe gbãtɔ ene la kpe ɖe nyawo ŋuti.
Wode Yeremia gaxɔ me
Babilonia fia Nebukadnezar tsɔ Yosia ƒe vi, Zedekia ɖo fiae ɖe Yuda, ɖe Yehoyakim ƒe vi, Yehoyatsin teƒe. Ke eya loo, alo eƒe dɔlawo alo ame siwo le anyigba dzi la meɖo to nya siwo Yehowa gblɔ to Nyagblɔɖila Yeremia dzi o.
Ke hã la, Fia Zedekia dɔ Yehukal, Selemia ƒe vi kple nunɔla Zefania, Maaseya vi ɖo ɖe Nyagblɔɖila Yeremia gbɔ be woagblɔ nɛ be: “Míeɖe kuku, do gbe ɖa na Yehowa míaƒe Mawu la ɖe mía ta.”
Ke azɔ la, ablɔɖe le Yeremia si be wòado ɖe dukɔ la dome agagbɔ, elabena womedee gaxɔ me haɖeke o. Farao ƒe aʋakɔwo ho tso Egipte eye esi Babiloniatɔ siwo ɖe to ɖe Yerusalem se esia la, woho dzo le Yerusalem.
Yehowa ƒe nya va na Nyagblɔɖila Yeremia be, “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Gblɔ na Yuda fia, ame si dɔ wò be nàbia gbem la be, ‘Farao ƒe aʋakɔ siwo ho be woava akpe ɖe ŋutiwò la agbugbɔ ayi ɖe Egipte, woƒe anyigba dzi. Ekema Babiloniatɔwo atrɔ gbɔ, ava dze du sia dzi, axɔe ahatɔ dzoe wòabi azu dzowɔ.’
“Ale Yehowa gblɔe nye esi: Migable mia ɖokuiwo, asusu be, ‘Babiloniatɔwo aɖe asi le yewo ŋuti o.’ Womaɖe asi o! Kura gɔ̃ hã, ne miaɖu Babiloniatɔ siwo ho aʋa ɖe mia ŋu la ƒe aʋakɔwo katã dzi eye abixɔlawo koe asusɔ ɖe woƒe asaɖa me hã la, woado ava xɔ du sia atɔ dzoe.”
Esi Babiloniatɔwo ƒe aʋakɔwo ho dzo le Yerusalem, le Farao ƒe aʋakɔwo ta la, Yeremia do le dua me be yeayi ɖe Benyaminyigba dzi be yeaxɔ yeƒe gome ɖe ame siwo le afi ma la dome. Gake esi wòɖo Benyamin ƒe Agbo nu la, agbonudzɔlawo ƒe amegã si ŋkɔe nye; Iriya, Selemia ƒe vi, Hananiya ƒe vi, lée hegblɔ be, “Èsi, be yeayi ɖe Babiloniatɔwo dzi!”
Yeremia ɖo eŋu be, “Alakpae, nyemele sisim be mayi ɖe Babiloniatɔwo dzi o.” Ke Iriya gbe meɖo toe o, ke boŋ elé Yeremia eye wòkplɔe yi ɖe dumegãwo gbɔe. Wodo dziku ɖe Yeremia ŋu vevie, wona woƒoe hetsɔe de ga me ɖe agbalẽŋlɔla Yonatan ƒe aƒe si wotsɔ wɔ gaxɔe la me.
Ale wotsɔ Yeremia de gaxɔ dometɔ si sesẽ hedo viviti la me, afi si wònɔ ɣeyiɣi didi aɖe. Tete Fia Zedekia dɔ ame ɖa be woaɖakplɔe vɛ eye wokplɔe va fiasã la mee, afi si wòbiae le, le bebeme be, “Gbe aɖe va tso Yehowa gbɔa?”
Yeremia ɖo eŋu be, “Ɛ̃, woakplɔ wò ade asi na Babilonia fia.”
Tete Yeremia gblɔ na Fia Zedekia be, “Agɔ kae medze le dziwò, wò dumegãwo alo ame siawo dzi, be nètsɔm de gaxɔ me? Afi ka wò nyagblɔɖila siwo gblɔ nya ɖi na wò be, ‘Babilonia fia mava dze dziwò alo anyigba sia dzi o la le?’ Ke azɔ la, nye aƒetɔ fia, meɖe kuku, ɖo to nàsee. Na matsɔ nye biabia aɖo ŋkuwòme: Mègatrɔm ɖo ɖe agbalẽŋlɔla Yonatan ƒe aƒe me o, ne menye nenema o la, maku ɖe afi ma.”
Tete fia Zedekia ɖe gbe be, woatsɔ Yeremia ada ɖe dzɔlawo ƒe xɔxɔnu eye woatsɔ abolo ɖeka nɛ gbe sia gbe tso aboloƒolawo ƒe ablɔ me, va se ɖe esime abolo vɔ le dua me. Ale Yeremia tsi dzɔlawo ƒe xɔxɔnu.
Wolé Yeremia de vudo me
Sefatia, Matan ƒe vi, Gedalia, Pasur ƒe vi, Yehukal, Selemia ƒe vi kple Pasur, Malkiya ƒe vi, wose nya si Yeremia gblɔ, esi wònɔ gbɔgblɔm na dukɔ la be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ame si anɔ du sia me la, atsi yi nu, dɔwuame alo dɔvɔ̃ ƒe asi me, gake ame si tsɔ eɖokui de asi na Babiloniatɔwo la, atsi agbe. Eƒe agbe azu afunyinu nɛ, ale wòanɔ agbe.’ Ale Yehowa gblɔe nye si, ‘Woatsɔ du sia ade asi na Babilonia fia ƒe aʋakɔ kokoko eye woaxɔe.’ ”
Tete dumegãwo gblɔ na fia la be, “Ŋutsu sia dze na ku. Ele dzi ɖem le ƒo na aʋakɔ la kple ame siwo susɔ ɖe du sia me to nya siwo gblɔm wòle na wo me. Ŋutsu sia mele woƒe nyui dim o, negbe woƒe gbegblẽ.”
Fia Zedekia ɖo eŋu na wo be, “Fia la mate ŋu awɔ naneke atsi tsitre ɖe mia ŋuti o, eya ta ele miaƒe asi me.”
Ale wolé Yeremia tsɔ de Malkiya, fia la ƒe vi ƒe vudo si le fiasã ƒe dzɔlawo ƒe xɔxɔnu la me. Wode kae heɖiɖii ɖe vudo si me tsi mele o negbe ba koe le eme la me, eye Yeremia ɖo to ɖe ba la me.
Ke Kusitɔ aɖe, Ebed Melek, ame si nye dɔnunɔlawo dometɔ ɖeka le fiasã me la se be wolé Yeremia de vudo me. Esi fia la nɔ anyi ɖe Benyamingbo la nu la, Ebed Melek tso le fiasã la me yi ɖe egbɔ eye wògblɔ nɛ bena, “Nye aƒetɔ fia, ŋutsu siawo wɔ ŋutasẽnu ɖe Nyagblɔɖila Yeremia ŋu, le nu siwo katã wowɔ la me. Wotsɔe de vudo me afi si dɔ awui le wòaku nenye be abolo vɔ le dua me.”
Tete fia la ɖe gbe na Kusitɔ, Ebed Melek be, “Kplɔ ŋutsu blaetɔ̃ tso teƒe sia ne miayi aɖaɖe Nyagblɔɖila Yeremia le vudo la me hafi wòava ku.”
Ale Ebed Melek kplɔ ŋutsuawo ɖe asi eye woyi ɖe xɔ si le nudzraɖoƒe la te, le fiasã la me. Etsɔ avɔ vuvu kple awu vuvu aɖewo le afi ma, hetsɔ wo sa ɖe ka ŋuti heɖiɖii ɖe Yeremia gbɔ le vudo la me. Kusitɔ, Ebed Melek gblɔ na Yeremia be, “Tsɔ avɔ vuvuawo kple awu vuvuawo de wò axatome be kawo magabebe wò o.” Yeremia wɔe nenema. Eye wohee kple ka do goe le vudo la me. Ale Yeremia tsi dzɔlawo ƒe xɔxɔnu.
Zedekia gabia gbe Yeremia
Tete Fia Zedekia dɔ amewo ɖa be woayɔ Nyagblɔɖila Yeremia vɛ eye wòna wokplɔe yi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe agbo etɔ̃lia nu. Fia la gblɔ nɛ be, “Mele nya aɖe bia ge wò; mègaɣla naneke ɖem o.”
Yeremia gblɔ na Zedekia be, “Ne mena ŋuɖoɖo wò la, màwum oa? Ne meɖo aɖaŋu na wò gɔ̃ hã la, màɖo tom o.”
Ke Fia Zedekia ka atam sia na Yeremia le bebeme be, “Meta Yehowa, ame si na agbegbɔgbɔ mí la ƒe agbe be, nyemawu wò loo, alo atsɔ wò ade asi na ame siwo le wò ku dim la o.”
Tete Yeremia gblɔ na Zedekia be, “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Ne ètsɔ ɖokuiwò de asi na Babilonia fia ƒe amegãwo la, àɖe wò agbe eye womatɔ dzo du sia hã o, ale wò ŋutɔ kple wò ƒometɔwo siaa miatsi agbe. Ke ne ègbe be yematsɔ ɖokuiwò ade asi na Babilonia fia ƒe amegãwo o la, woatsɔ du sia ade asi na Babiloniatɔwo woatɔ dzoe keŋkeŋ eye wò ŋutɔ hã màdo le woƒe asi me o.’ ”
Fia Zedekia gblɔ na Yeremia be, “Mele vɔvɔ̃m na Yudatɔ siwo si yi ɖe Babiloniatɔwo gbɔ, elabena Babiloniatɔwo ate ŋu atsɔm ade asi na wo eye woawɔ fum.”
Yeremia ɖo eŋu nɛ be, “Womatsɔ wò ade asi na wo o. Ɖo to Yehowa, nàwɔ nu si megblɔ na wò, ekema eme anyo na wò eye àɖe wò agbe. Ke ne ègbe, mèna ta o la, nu si Yehowa ɖe fiam lae nye esi: ‘Woakplɔ nyɔnu siwo katã susɔ ɖe Yuda fia ƒe fiasã me la vɛ na Babiloniatɔwo ƒe amegãwo. Nyɔnuawo agblɔ na wò be:
“ ‘Xɔ̃wò siwo dzi nèka ɖo la kplɔ wò trae, eye woɖu dziwò.
Wò afɔ ɖo ba,
eye xɔ̃wòwo kaka le ŋuwò.’
“Woakplɔ srɔ̃wòwo katã kple viwòwo ayi na Babiloniatɔwo, wò ŋutɔ màsi le wo ƒe asi me o, ke boŋ Babilonia fia alé wò eye wòatɔ dzo du sia keŋkeŋ.”
Tete Zedekia gblɔ na Yeremia be, “Mègana ame aɖeke nanya nu le dzeɖoɖo si yi edzi le mía dome la ŋuti o, ne menye nenema o la, àku. Ne adzɔ be dumegãwo ase be meƒo nu kpli wò, eye woava gbɔwò agblɔ be: ‘Gblɔ nu si nègblɔ na fia la kple ale si fia la ɖo eŋui na wò la na mí, mègaɣla ɖeke ɖe mí o, ne menye nenema o la, àku’ la, ekema gblɔ na wo be, ‘Ɖeko mele kuku ɖem na fia la be megatrɔm ɖo ɖe Yonatan ƒe aƒe me, ne maku ɖe afi ma o.’ ”
Kasia, dumegãwo katã va ƒo kɔ ɖe Yeremia ŋu hebia gbee tso gododo la ŋu eye wògblɔ nu si fia la de se nɛ be wòagblɔ la na wo. Ale womegabia nya aɖekee o, elabena ame aɖeke mese dzeɖoɖo si yi dzi le wo kple fia la dome o.
Ale Yeremia tsi dzɔlawo ƒe xɔxɔnu va se ɖe esime woxɔ Yerusalem du la.
Woxɔ Yerusalem dua
Yerusalem du la xɔxɔ yi ale:
Le Yuda fia Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekɛlia me, le ɣleti ewolia me la, Babilonia fia Nebukadnezar ho kple eƒe aʋakɔwo katã ɖe Yerusalem ŋuti, eye wòva ɖe to ɖe du la. Le Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiɖekɛlia me, le ɣleti enelia ƒe ŋkeke asiekɛlia dzi la, wogbã du la ƒe gli ƒu anyi. Tete Babilonia fia ƒe amegãwo katã va xɔ zi ɖe Domegbo la ƒe mɔnu. Amegãwoe nye: Nergal Sarezer si tso Samgar, Nebo Sarsekim, dɔnunɔlagã ɖeka, Nergal Sarezer, ame deŋgɔ ɖeka, hekpe ɖe Babilonia fia ƒe amegã bubuwo ŋuti. Ke esi Yuda fia, Zedekia kple eŋusrafowo kpɔ wo la, wosi dzo, wodo le dua me le zãtitina, to fia la ƒe agble me, heto agbo si le gli eveawo dome eye woɖo ta Araba.
Ke Babilonia ƒe aʋakɔ la ti wo yome eye wova tu Zedekia le Yeriko gbegbe. Wolée hekplɔe vɛ na Babilonia fia Nebukadnezar, le Ribla, le Hamatnyigba dzi, afi si wobu fɔe le. Le Ribla la, Babilonia fia wu Zedekia ƒe viŋutsuwo kple Yuda ƒe ame ŋkutawo katã le eƒe ŋkume. Emegbe wògbã ŋku na Zedekia eye wòtsɔ akɔblikɔsɔkɔsɔ dee be wòakplɔe ayi Babilonia.
Babiloniatɔwo tɔ dzo fiasã la kple amewo ƒe aƒewo eye womu Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi. Aʋafia Nebuzaradan kplɔ ame siwo susɔ ɖe Yerusalem, ame siwo tsɔ wo ɖokuiwo na wo kple ame mamlɛawo katã yi aboyo mee le Babilonia. Ke aʋafia Nebuzaradan gblẽ ame dahe aɖewo ɖe Yudanyigba dzi, ame siwo si naneke mele o eye ɣe ma ɣi etsɔ waingblewo kple agblenyigbawo na wo.
Ke azɔ la Babilonia fia, Nebukadnezar, de se sia le Yeremia ŋuti to aʋafia Nebuzaradan dzi be, “Kplɔe eye nàkpɔ edzi, mègawɔ vɔ̃ aɖekee o, ke boŋ wɔ nu sia nu si wòabia la nɛ.” Ale aʋafia, Nebuzaradan, dɔnunɔla, Nebusazban, bubume Nergal Sarezer kple Babilonia fia ƒe amegã bubuwo dɔ amewo ɖe Yeremia gbɔ, eye woɖee le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu. Wokplɔe de asi na Ahikam ƒe vi, Gedalia kple Safan ƒe vi be wòakplɔe ayi ɖe eya ŋutɔ ƒe aƒe mee. Ale wòyi ɖanɔ eya ŋutɔ ƒe amewo dome.
Ke esi Yeremia gale dzɔlawo ƒe xɔxɔm ko la, Yehowa ƒe gbe va nɛ be: “Yi nàgblɔ na Kusitɔ, Ebed Melek be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Kpɔ ɖa mana nye nyawo nava eme ɖe du sia ŋuti to gbegblẽ me, menye to dzidzedze me o. Mana woava eme le ŋkuwòme le ɣe ma ɣi me. Gake maɖe wò gbe ma gbe eye womatsɔ wò ade asi na ame siwo vɔ̃m nèle la o. Yehowae gblɔe. Maɖe wò agbe elabena ètsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe dzinye. Yehowae gblɔe.’ ”
Woɖe asi le Yeremia ŋu
Yehowa ƒe gbe va na Yeremia esi aʋafia Nebuzaradan ɖe asi le eŋu le Rama. Eva ke ɖe Yeremia ŋu wode gae kpe ɖe aboyome siwo wokplɔ tso Yerusalem kple Yuda yina ɖe aboyo mee le Babilonia la ŋu. Esi aʋafia la ke ɖe Yeremia ŋu la, egblɔ nɛ be, “Yehowa, wò Mawu lae gblɔ dzɔgbevɔ̃e sia ɖe teƒe sia ŋu. Ke azɔ la, Yehowa na wòva eme tututu abe ale si wògblɔe la ene. Esia katã va eme elabena mi ame siawo miewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu eye mieɖo toe o. Ke egbe la, meɖe ga le alɔnu na wò, ne elɔ̃ la, kplɔm ɖo míayi Babilonia, makpɔ dziwò nyuie, gake ne melɔ̃ o la, ate ŋu anɔ anyi faa. Kpɔ ɖa, anyigba blibo la le ŋkuwò me, yi afi sia afi si nèlɔ̃ la faa.” Gake hafi Yeremia natrɔ be yeadzo la, Nebuzaradan gblɔ kpe ɖe eŋu nɛ be, “Trɔ yi ɖe Gedalia, Ahikam ƒe vi, Safan ƒe vi ame si Babilonia fia tsɔ ɖo Yuda duwo nu la gbɔ eye nànɔ egbɔ le ameawo dome alo nàyi afi sia afi si nèlɔ.”
Emegbe aʋafia la tsɔ nu hiahiã aɖewo kple nunana aɖe nɛ eye wòɖe asi le eŋu. Ale Yeremia yi ɖe Ahikam ƒe vi, Gedalia gbɔ le Mizpa eye wònɔ egbɔ le ame siwo susɔ ɖe anyigba la dzi la dome.
Wowu Gedalia
Esi asrafowo ƒe amegã siwo le aʋagbedzi se be Babilonia fia tsɔ Ahikam ƒe vi, Gedalia ɖo mɔmefiae ɖe anyigba la dzi, hetsɔ ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo, ame siwo nye ame dahewo eye womekplɔ wo yi aboyo mee le Babilonia o la de eƒe dzikpɔkpɔ te la, wova Gedalia gbɔ le Mizpa. Ameawoe nye Ismael, Netania ƒe vi; Yohanan kple Yonatan, Karea ƒe viŋutsuwo; Seraya, Tanhumet ƒe vi; Efai Netofatitɔ viŋutsuwo kple Yazania, Makatitɔ ƒe vi kple wo ŋutimewo. Gedalia, Ahikam ƒe vi, Safan ƒe vi, ka atam na wo kple wo ŋutimewo be wòaɖo kpe nu si wòagblɔ la dzi: Egblɔ na wo be, “Migavɔ̃ na Babiloniatɔwo subɔsubɔ o, mitsi anyigba la dzi eye miasubɔ Babilonia fia, ekema nu sia nu adze edzi na mi nyuie. Nye ŋutɔ manɔ Mizpa, be manɔ mia teƒe le Babiloniatɔ siwo va mia gbɔ la ŋkume. Ke miawo la, mixa wain tsetsewo, dzomeŋɔli ƒe kutsetsewo eye miɖa ami, miazi wo ɖe amigowo me eye minɔ du siwo míexɔ la me.”
Esi Yudatɔ siwo katã le Moab, Amon, Edom kple du bubuwo me se bena Babilonia fia gblẽ ame aɖewo ɖe Yuda eye wòtsɔ Ahikam ƒe vi, Safan ƒe vi, Gedalia ɖo mɔmefiae ɖe wo nu la, wo katã wotrɔ gbɔ va Yudanyigba dzi, tso du siwo me wokaka ɖo la heva ƒo ta kpli ɖe Gedalia gbɔ le Mizpa. Woyi ɖaxa waintsetse gbogbo aɖewo kple dzomeŋɔli ƒe kutsetsewo.
Karea ƒe vi, Yohanan kple asrafomegã siwo gale gbea dzi la va Gedalia gbɔ le Mizpa eye wogblɔ nɛ be, “Mènya be Amonitɔwo ƒe fia Balis dɔ Netania ƒe vi, Ismael be wòava ɖe wò agbe ɖa oa?” Ke Ahikam ƒe vi, Gedalia mexɔ woƒe nya la dzi se o.
Tete Karea ƒe vi, Yohanan ɖe kpɔ Gedalia le Mizpa hegblɔ nɛ be, “Na mayi aɖawu Netania ƒe vi, Ismael eye ame aɖeke manya o. Nu ka ta wòaɖe wò agbe ɖa, ahawɔe be Yudatɔ siwo katã ƒo ta kpli ɖe ŋuwò la nakaka eye Yuda ƒe ame mamlɛawo natsrɔ̃?”
Ke Gedalia, Ahikam ƒe vi, ɖo eŋu na Yohanan, Karea ƒe vi la be, “Mègawɔ nenema o! Nya si gblɔm nèle la nye alakpa nèle dadam ɖe Ismael si.”
Le ɣleti adrelia me la, Ismael, Netania ƒe vi, Elisama ƒe vi, ame si tso fiaƒome me, eye wònye fia ƒe dɔnunɔlawo dometɔ ɖeka la va Gedalia, Ahikam ƒe vi gbɔ le Mizpa kple ŋutsu ewo. Esi wole nu ɖum le kplɔ̃ ŋuti ɖekae la, Netania ƒe vi, Ismael kple ŋutsu ewo siwo le eŋuti la tsi tsitre, eye wotsɔ yi ƒo ɖe Gedalia, Ahikam ƒe vi, Safan ƒe vi eye wowu ame si Babilonia fia tsɔ ɖo mɔmefiae ɖe anyigba la dzi. Ismael wu Yudatɔ siwo ƒo ƒu ɖe Gedalia gbɔ le Mizpa la hã, hekpe ɖe Babiloniasrafo siwo le afi ma la ŋuti.
Gbe si gbe wowu Gedalia ƒe fɔŋli, hafi ame aɖe nase nu si dzɔ la, ŋutsu blaenyi siwo lũ ge, dze awu le wo ɖokuiwo ŋu eye wode abi wo ɖokuiwo ŋu la, tso Sekem, Silo kple Samaria va eye wotsɔ nuɖuvɔsa kple dzudzɔʋeʋĩdonuwo ɖe asi va Yehowa ƒe gbedoxɔ mee. Ismael, Netania ƒe vi, tso le Mizpa kple avi hehehe yina wo kpe ge. Esi wòdo go wo la, egblɔ na wo be, “Miva Gedalia, Ahikam vi la gbɔ.” Esi woge ɖe dua me la, Ismael, Netania ƒe vi kple ŋutsu siwo kpe ɖe eŋu la lé wo, tso ta le wo nu eye wotsɔ woƒe kukuawo ƒu gbe ɖe vudo me. Ke wo dometɔ ewo gblɔ na Ismael be, “Mègawu mí o! Bli, lu, ami kple anyitsi le mía si míeɣla ɖe gbe me.” Ale mewu woawo kpe ɖe ame mamlɛawo ŋu o. Ke vudo si me wòtsɔ ame siwo wòwu kpe ɖe Gedalia ŋu ƒe kukuawo ƒu gbe ɖo lae nye esi Fia Asa ɖe be yeatsɔ axe mɔ na Israel fia Baasa. Ke Netania ƒe vi, Ismael yɔe fũu kple ŋutilã kukuwo.
Emegbe Ismael kplɔ dukɔ la ƒe ame mamlɛ siwo le Mizpa, fiavinyɔnuwo hekpe ɖe ame siwo katã susɔ ɖe afi ma ŋu, ame siwo nu aʋafia Nebuzaradan tsɔ Ahikam ƒe vi ɖo mɔmefiae la dzoe abe aʋaléleawo ene. Ismael, Netania ƒe vi la, kplɔ wo aboyomewoe eye wòɖo ta Amonitɔwo gbɔ kpli wo.
Ke esi Karea ƒe vi, Yohanan kple asrafomegã siwo le egbɔ la se hlɔ̃donu siwo katã Netania ƒe vi, Ismael wɔ la, wokplɔ woƒe aʋakɔ la katã be woayi aɖawɔ aʋa kple Netania ƒe vi Ismael. Wova tui le tɔ gã si le Gibeon la to. Esi ameha siwo katã le Ismael ŋu kpɔ Karea ƒe vi, Yohanan kple asrafomegã siwo kplɔe ɖo la, dzi dzɔ wo ale gbegbe. Ame siwo katã Ismael ɖe aboyoe le Mizpa la trɔ le eyome eye woyi ɖe Yohanan, Karea ƒe vi la gbɔ. Gake Netania ƒe vi, Ismael kple eŋutime enyi dze agbagba si le Yohanan nu yi ɖe Amonitɔwo gbɔ.
Sisi yi Egipte
Azɔ la, Yohanan, Karea ƒe vi kple asrafomegã siwo katã le eŋu la kplɔ dukɔ la ƒe ame siwo susɔ ɖe Mizpa, ame siwo woxɔ le Ismael, Netania ƒe vi la si, esi wòwu Ahikam vi, Gedalia la dzoe. Ameawoe nye: asrafowo, nyɔnuwo, ɖeviwo kple fiasãmedɔwɔla siwo wòkplɔ tso Gibeon. Wodze mɔ le yiyim eye wova tɔ ɖe Gerut Kimham si te ɖe Betlehem ŋu, esi wole mɔ dzi yina ɖe Egipte ne woasi le Babiloniatɔwo nu. Wole vɔvɔ̃m na wo elabena Netania ƒe vi, Ismael wu Ahikam ƒe vi, Gedalia, ame si Babilonia fia tsɔ ɖo mɔmefiae ɖe anyigba la dzi.
Emegbe, asrafomegãwo katã kpe ɖe Yohanan, Karea ƒe vi, Yezania, Hosaya ƒe vi kple ameha la katã ŋu tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi va gblɔ na Nyagblɔɖila Yeremia be, “Míeɖe kuku na wò, se míaƒe kokoƒoƒo eye nàdo gbe ɖa na Yehowa, wò Mawu la ɖe ameha mamlɛawo ta elabena abe ale si nèle ekpɔmii fifia ene la, togbɔ be miesɔ gbɔ tsã hã la, azɔ la, ame ʋɛ aɖewo koe susɔ. Ɖe kuku na Yehowa, wò Mawu la be wòafia afi si míayi kple nu si míawɔ la mí.”
Nyagblɔɖila Yeremia ɖo eŋu na wo be, “Mese nya si miegblɔ; kpɔ ɖa, maɖe kuku na Yehowa, míaƒe Mawu la abe ale si miebia ene, magblɔ nya sia nya si wògblɔ nam la na mi eye nyemaɣla ɖeke ɖe mi o.”
Wogblɔ na Yeremia be, “Ɖekoe Yehowa nanye ɖasefo anukwaretɔ kple nuteƒewɔla ɖe mía ŋu ne míewɔ ɖe nu sia nu si Yehowa, wò Mawu la dɔ wò be nàgblɔ na mí la dzi o. Eɖanye nya nyui alo nya vɔ̃ o, míaɖo to Yehowa, míaƒe Mawu la ame si gbɔ míele dɔwòm ɖo, be eme nanyo na mí, elabena míaɖo to Yehowa, míaƒe Mawu la.”
Le ŋkeke ewo megbe la, Yehowa ƒe nya va na Yeremia. Ale wòyɔ Karea ƒe vi, Yohanan kple asrafomegã siwo katã le eŋu kple ameha la katã tso ɖeviwo dzi yi ɖe tsitsiawo dzi. Egblɔ na wo be, “Ale Yehowa Israel ƒe Mawu la, ame si gbɔ miedom ɖo be matsɔ miaƒe kokoƒoƒo nɛ la gblɔe nye esi: ‘Ne mienɔ anyigba sia dzi la, matu mi eye nyemagbã mi o, mado mi eye nyemaho mi o, elabena gbegblẽ si mehe va mia dzii la vem ŋutɔ. Migavɔ̃ na Babilonia fia si vɔ̃m miele fifia o. Yehowa be migavɔ̃ nɛ o, elabena meli kpli mi be maxɔ na mi eye maɖe mi tso eƒe asi me. Makpɔ nublanui na mi, be eya hã nakpɔ nublanui na mi eye wòaɖo mi te le miaƒe anyigba dzi.’
“Ke ne miegblɔ be, ‘míanɔ anyigba sia dzi o,’ miegbe toɖoɖo Yehowa, miaƒe Mawu la eye ne miegblɔ be, ‘Gbeɖe, míayi aɖanɔ Egipte, afi si míakpɔ aʋa teƒe le, ase kpẽ ƒe ɖiɖi loo, alo abolo mahiã mí le o la,’ ekema mise Yehowa ƒe nya, ‘O mi ame siwo susɔ ɖe Yuda, ale Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Ne mieɖoe kplikpaa be yewoayi Egipte, eye mieyi ɖanɔ afi ma la, ekema yi si miele vɔvɔ̃m na la ava tu mi le afi ma eye dɔwuame si le ŋɔ dzim na mi la hã akplɔ mi ɖo ayi Egipte, afi mae miaku ɖo. Le nyateƒe me, ame siwo katã ɖoe kplikpaa be yewoaɖanɔ Egipte la aku ɖe yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ƒe asi me, wo dometɔ aɖeke matsi agbe alo asi le gbegblẽ si mahe va wo dzii la nu o.” ’ Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Abe ale si wotrɔ nye dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ kɔ ɖe ame siwo nɔ Yerusalem dzii ene la, nenema kee woatrɔ nye dɔmedzoe helĩhelĩ la akɔ ɖe mia dzii ne mieyi ɖe Egipte. Miazu ɖiŋudonu, ŋɔdzinu, atamkanu kple alɔmeɖenu eye miagakpɔ teƒe sia akpɔ gbeɖe o.’
“O Yuda ƒe ame mamlɛawo, Yehowa gblɔ na mi be, ‘Migayi Egipte o.’ Nenɔ nyanya me na mi, be egbe mexlɔ̃ nu mi, be miewɔ vodada gã aɖe, esi miedɔm ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la gbɔ hegblɔ be, ‘Ɖe kuku na Yehowa, miaƒe Mawu la na mí; gblɔ nu sia nu si wòagblɔ na wò la na mí eye míawɔ ɖe edzi.’ Megblɔe na mi egbe gake miewɔ ɖe nu siwo katã Yehowa, miaƒe Mawu la gblɔ nam be magblɔ na mi la dzi haɖe o. Eya ta azɔ maka ɖe edzi na mi be miaku ɖe yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ƒe asi me, le teƒe si mieɖo be yewoayi aɖanɔ.”
Esi Yeremia wu Yehowa, woƒe Mawu la ƒe nyawo gbɔgblɔ na dukɔ la nu eye esi wòwu nya siwo katã Yehowa ɖo ɖee be wòagblɔ na wo nu vɔ la, Hosaya ƒe vi, Azaria, Karea ƒe vi, Yohanan kple ŋutsu tosesẽtɔwo katã gblɔ na Yeremia be, “Aʋatso kam nèle! Yehowa, míaƒe Mawu la medɔ wò be nàgblɔ be, ‘Migayi Egipte, ne mianɔ afi ma o.’ Ke boŋ Neria ƒe vi, Baruk, eyae le adã dem ta me na wò ɖe mía ŋu be, nàtsɔ mí ade asi na Babiloniatɔwo be woawu mí loo, alo aɖe aboyo mí ayi ɖe Babiloniae.”
Ale Karea ƒe vi, Yohanan kple asrafomegã siwo katã le eŋu kple ameha la katã gbe be yewomawɔ ɖe Yehowa ƒe se si wòde na wo be woanɔ Yudanyigba dzi la dzi o. Le esia teƒe la, Yohanan, Karea ƒe vi kple asrafomegãwo katã kplɔ ame siwo susɔ ɖe Yuda, ame siwo trɔ gbɔ be woava nɔ Yudanyigba dzi tso dukɔ siwo katã me wokaka ɖo la dzoe. Wokplɔ ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖeviwo kple fiavinyɔnu siwo aʋafia, Nebuzaradan gblẽ ɖe Ahikam ƒe vi, Safan ƒe vi, Gedalia gbɔ hekpe ɖe Nyagblɔɖila Yeremia, Neria ƒe vi, Baruk gbɔ la hã dzoe. Ale woyi ɖe Egipte, hetsi tsitre ɖe Yehowa ŋu eye woɖo keke Tapanhes ke gɔ hã.
Yehowa ƒe nya va na Yeremia le Tapanhes be, “Tsɔ kpe gã aɖewo ɖe asi ne Yudatɔwo ƒe ŋku le dziwò eye nàɖi wo ɖe Farao ƒe Fiasã ƒe mɔnu, ɖe anyikpe siwo woɖo ɖe mɔa nu la te Ekema gblɔ na wo be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Mele ame dɔ ge aɖo ɖe nye dɔla Nebukadnezar, Babilonia fia eye matsɔ eƒe fiazikpui aɖo kpe siwo meɖi ɖe teƒe sia la dzi eye wòakeke eƒe dzoya ɖe wo dzi. Ava dze Egipte dzi eye wòahe ku vɛ na ame siwo woɖo ɖi na ku, aboyomeyiyi na ame siwo woɖo ɖi na aboyomenɔnɔ eye yi na ame siwo woɖo ɖi na yi. Atɔ dzo Egipte mawuwo ƒe gbedoxɔwo, atɔ dzo woƒe gbedoxɔwo eye wòaɖe aboyo woƒe mawuawo. Abe ale si alẽkplɔla tsɔa avɔ xatsana ɖe eɖokui ŋu ene la, nenema wòatsɔ Egipte abla ɖe eɖokui ŋu eye wòadzo kɔ̃ɔ le dedinɔnɔ me. Amu legba siwo le Ɣemawu ƒe gbedoxɔ me le Egipte la aƒu anyi eye wòatɔ dzo Egipte mawuwo ƒe trɔ̃xɔwo katã.’ ”
Gbegblẽ le Yudatɔwo ƒe trɔ̃subɔsubɔ ta
Nya sia va na Yeremia tso Yudatɔ siwo katã le Egipte ƒe anyigbe, le Migdol, Tapanhes, Memfis kple Egipte ƒe dzigbe be, “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Miekpɔ gbegblẽ gã si mehe va Yerusalem kple Yuda duwo katã dzi. Egbe la, wozu aƒedo siwo me ame aɖeke mele o, ɖe nu vɔ̃ɖi si wowɔ la ta. Wodo dziku nam vevie elabena wodo dzudzɔ ʋeʋĩ na gbetsiwo eye wode ta agu na mawu tutɔ siwo woawo ŋutɔwo loo, alo miawo alo wo fofowo menya kpɔ o. Zi geɖe meɖo nye dɔla nyagblɔɖilawo ɖe wo, ame siwo gblɔ na wo be, ‘Migawɔ ŋunyɔnu si metsri vevie la o!’ Ke womeɖo to alo tsɔ ɖeke le eme o; Womeɖe asi le woƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ ŋu alo dzudzɔ dzudzɔʋeʋĩdodo na mawu tutɔwo o, eya ta metrɔ nye dɔmedzoe helĩhelĩ la kɔ ɖi eye wòbi le Yuda ƒe duwo kple Yerusalem kpɔdomewo, hewɔ wo wozu aƒedo abe ale si miele ekpɔm egbea ene.
“Azɔ la, ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Nu ka ta miehe gbegblẽ gã sia va mia ɖokuiwo dzi, be mieɖe ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖeviwo kple vidzĩwo ɖa le Yuda eye miegble ɖeke ɖi na mia ɖokuiwo o? Nu ka wɔ mietsɔ miaƒe asinudɔwɔwɔwo do dziku nam, eye miedo dzudzɔʋeʋĩ na Egipte mawu tutɔwo, afi si mieva be mianɔ? Miele mia ɖokuiwo dome gblẽ ge, ahawɔe be miazu ɖiŋudonu kple ŋunyɔnu le anyigbadzidukɔwo katã dome. Ɖe mieŋlɔ nu vɔ̃ɖi si mia fofowo, Yuda fiawo kple fiasrɔ̃wo wɔ kple nu vɔ̃ɖi siwo miawo kple mia srɔ̃wo miewɔ le Yudanyigba dzi kple Yerusalem kpɔdomewo bea? Va se ɖe egbe sia womebɔbɔ wo ɖokuiwo, de bubu ŋunye loo, alo wɔ nye sewo kple ɖoɖo siwo metsɔ ɖo mi kple mia fofowo ŋkume la dzi o.
“Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Meɖoe kplikpaa be, mahe dzɔgbevɔ̃e va mia dzi, eye matsrɔ̃ Yuda katã. Makplɔ Yuda ƒe ame mamlɛ siwo ɖoe be yewoayi aɖanɔ Egipte godoo la adzoe. Wo katã woatsrɔ̃ ɖe Egipte; woatsi yi nu loo, alo aku ɖe dɔwuame ƒe asi me. Tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi la, woatsi yi nu alo aku ɖe dɔwuame ƒe asi me. Woazu ɖiŋudonu, ŋɔdzinu, fiƒodenu kple fewuɖunu. Matsɔ yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ahe toe na ame siwo le Egipte abe ale si mehe toe na Yerusalem nɔlawo ene. Yuda ƒe ame mamlɛ siwo si yi ɖe Egipte la dometɔ aɖeke masi alo atsi agbe be wòatrɔ ayi ɖe Yudanyigba dzi, afi si ŋu woƒe dzi ku ɖo vevie be woaɖanɔ o; ame aɖeke matrɔ agbɔ o, negbe aʋasila aɖewo ko.”
Tete ŋutsu siwo katã nya be yewo srɔ̃wo le dzudzɔ ʋeʋĩ dom na mawu tutɔwo, kpe ɖe nyɔnuawo katã ŋuti, wonye ameha gã aɖe ŋutɔ eye ame siwo katã le Egipte ƒe anyigbe kple dzigbe kpe ɖe wo ŋuti wova gblɔ na Yeremia bena, “Míaɖo to nya si nègblɔ na mí le Yehowa ŋkɔ me la o! Ke boŋ míawɔ nu sia nu si míegblɔ be míawɔ, míado dzudzɔʋeʋĩ na Dziƒofianyɔnu, eye míaƒo aha ɖi nɛ abe ale si ko mía fofowo, míaƒe fiawo kple dumegãwo wɔe le Yuda duwo kple Yerusalem kpɔdomewo ene. Le ɣe ma ɣi la, nuɖuɖu geɖe nɔ mía si, agbe hã dze dzi na mí nyuie eye míekpe hiã aɖeke o. Gake tso esime míedzudzɔ dzudzɔdodo na Dziƒofianyɔnu la kple ahaƒoƒo ɖe anyi nɛ la, naneke megadzea edzi na mí o, eye míele tsɔtsrɔ̃m ɖe yi kple dɔwuame ƒe asi me boŋ.”
Nyɔnuawo gblɔ kpe ɖe ŋu be, “Esi míedoa dzudzɔ na Dziƒofianyɔnu la eye míeƒoa aha ɖi nɛ la, mía srɔ̃ŋutsuwo menya hã be míemea akpɔnɔ vivi si míewɔ ɖe eƒe nɔnɔme me la heƒoa aha ɖi nɛ oa?”
Tete Yeremia gblɔ na ameawo katã, ŋutsu kple nyɔnu siwo le nya ŋu ɖom nɛ la be, “Ɖe Yehowa meɖo ŋku edzi eye wòbu dzudzɔ ʋeʋĩ si miawo ŋutɔ, mia fofowo, miaƒe fiawo, miaƒe dumegãwo kple anyigbadzitɔwo dona le Yuda duwo kple Yerusalem kpɔdomewo ŋuti oa? Esi Yehowa magate ŋu atsɔ miaƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo kple miaƒe ŋunyɔnu siwo miewɔ o ta la, miaƒe anyigba zu ɖiŋudonu, aƒedo kple gbegbe eye amewo meganɔ dzi o, abe ale si wòle egbea ene. Esi miedo dzudzɔ ʋeʋĩ, hewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu eye mieɖo toe alo wɔ eƒe sewo, ɖoɖowo kple dɔdeasiwo dzi o tae dzɔgbevɔ̃e sia va mia dzi ɖo, abe ale si miele ekpɔm egbea ene.”
Emegbe Yeremia gblɔ na ameha la katã kple nyɔnuwo siaa be, “Mi Yudatɔ siwo katã le Egiptenyigba dzi, mise Yehowa ƒe nya. Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Miawo ŋutɔ kple mia srɔ̃nyɔnuwo, to miaƒe nuwɔnawo me, ɖe ŋugbe si miedo la fia, esi miegblɔ be, míawɔ adzɔgbe si míeɖe be míado dzudzɔ ʋeʋĩ, aƒo aha ɖi na Dziƒofianyɔnu la dzi godoo.’
“Eya ta, miyi edzi, miwɔ ɖe miaƒe ŋugbedodowo dzi! Milé miaƒe adzɔgbeɖeɖewo me ɖe asi! Gake mise Yehowa ƒe nya, mi Yudatɔ siwo katã le Egiptenyigba dzi: ‘Yehowa be, meta nye ŋkɔ gã la be, Yudatɔ siwo kaka ɖe Egiptenyigba dzi ƒe ɖeke magayɔ nye ŋkɔ alo aka atam be, “Meta Aƒetɔ Yehowa ƒe agbe” o, elabena nye ŋku le wo ŋuti hena vɔ̃, menye nyui o. Yudatɔ siwo le Egipte la atsrɔ̃ ɖe yi kple dɔwuame ƒe asi me va se ɖe esime wo katã woavɔ. Ame siwo asi le yi nu le Egipte atrɔ ayi Yudanyigba dzi la anɔ ʋɛe ko, ekema Yuda ƒe ame mamlɛawo katã, ame siwo va Egipte nɔ ge la, anya ame si ƒe nya le eteƒe, tɔnye loo, alo wo tɔ.’
“Yehowa be, ‘Esia anye dzesi na mi be mele to he ge na mi le teƒe sia, ale be mianya be nye atam si meka be mawɔ vɔ̃ mi la anɔ edzi godoo.’ Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Matsɔ Farao Hofra, Egipte fia ade asi na eƒe futɔ siwo le eƒe agbe yome tim, abe ale si metsɔ Yuda fia Zedekia de asi na Babilonia fia Nebukadnezar si nye eƒe futɔ si le eƒe agbe yome tim la ene.’ ”
Gbedeasi na Baruk
Esia nye nya si Nyagblɔɖila Yeremia gblɔ na Neria ƒe vi, Baruk esi Baruk ŋlɔ nya siwo wògblɔ nɛ ɖe lãgbalẽ dzi vɔ megbe. Esia va me le Yuda fia, Yehoyakim, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me: “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ na wò, Baruk nye esi: Ègblɔ be, ‘Baba nam! Yehowa tsɔ nuxaxa kpe ɖe nye vevesese ŋu. Ŋeŋe manyagblɔ na nu ti kɔ nam belebele eye nyemekpɔ dziɖeɖi aɖeke o.’ ”
Yehowa be, “Gblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Magbã nu si nye ŋutɔ metu eye maho nu si nye ŋutɔ medo, le anyigba katã dzi. Ɖe wògahiã be nàdi nu gãwo na ɖokuiwòa? Mègadi wo o, elabena Yehowa be mahe gbegblẽ va amewo katã dzi, ke afi sia afi si nàyi la mana nàɖe wò agbe.’ ”
Gbedeasi tso Egipte ŋu
Esia nye Yehowa ƒe nya si va na Nyagblɔɖila Yeremia tso dukɔwo ŋuti.
Tso Egipte ŋu:
Esia nye gbedeasi na Egipte fia Farao Neko ƒe aʋakɔwo, ame siwo dzi Babilonia fia Nebukadnezar ɖu le Frat tɔsisi la nu le Karkemis le Yuda fia, Yehoyakim, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me:
“Midzra miaƒe akpoxɔnu gãtɔwo
kple suetɔwo ɖo eye miado ayi ɖe aʋa!
Mitsi sɔwo ɖe tasiaɖamwo ŋu
eye miade sɔwo dzi! Miɖɔ gakukuwo,
mido mia tɔ ɖe mia nɔƒewo!
Minyre miaƒe akplɔwo eye miado miaƒe gawuwo!
Nu ka kpɔm mele?
Dzidzi ƒo wo, wogbugbɔ ɖe megbe,
woɖu woƒe kalẽtɔwo dzi.
Wosi kple du kple du megbemakpɔmakpɔtɔe
eye ŋɔdzi ƒo xlã wo godoo.”
Yehowae gblɔe.
“Afɔ ɖeablɛtɔ mate ŋu asi
alo ŋusẽtɔ naɖe eɖokui o.
Le anyiehe, le Frat tɔsisi la to,
afi mae wokli nu hedze anyi ɖo.
“Ame kae nye esi gbɔna le eɖokui kɔm ɖe dzi abe Nil
kple tɔsisi siwo me tsi le sisim sesĩe ene?
Egipte le kɔkɔm ɖe dzi abe Nil
kple tɔsisi siwo me tsi le sisim kplakplakpla ene,
egblɔ be, ‘Maɖo axɔ ɖe anyigba blibo la dzi;
matsrɔ̃ amewo kple woƒe duwo.’
O, sɔwo, milũ ɖe wo dzi!
O, tasiaɖamkulawo,
miku wo kple ŋkubiã!
O, kalẽtɔwo, mizɔ yi ŋgɔ tẽe,
eye mi Kus kple Put ŋutsu siwo tsɔa akpoxɔnuwo
kple Lidia ŋutsu siwo daa aŋutrɔ nyuie!
Gake gbe ma gbe nye Aƒetɔ Yehowa,
Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la tɔ,
hlɔ̃biaŋkeke wòanye, ne wòabia hlɔ̃ eƒe futɔwo.
Yi aɖu nu va se ɖe esime wòaɖi ƒo
eye ano ʋu va se ɖe esi me wòaɖi kɔ
elabena Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,
asa vɔ le anyiehenyigba dzi, le Frat tɔsisi la to.
“O, ɖetugbi dzadzɛ, Egipte vinyɔnu,
yi ɖe Gilead nàƒle dɔyɔmi.
Dzodzroe nèli kɔ atikewo gleglegle,
elabena màhaya akpɔ o.
Dukɔwo ase wò ŋukpeŋkɔ
eye wò ɣlidodo axɔ anyigba la dzi.
Kalẽtɔ akli nɔvia kalẽtɔ eye wo
kple eve la siaa woadze anyi.”
Esia nye Yehowa ƒe nya si wòtsɔ na Nyagblɔɖila Yeremia tso ale si Babilonia fia Nebukadnezar ava dze Egipte dzi la ŋuti.
“Miɖe gbeƒã le Egipte,
mido kpoe le Migdol eye mido kpoe le Memfis
kple Tapanhes hã.
‘Mitso miadzra ɖo, ne mianɔ mia nɔƒewo
elabena yi wu ame siwo ƒo xlã mi godoo.’
Nu ka ŋuti woana wò kalẽtɔwo naɖo baba ɖe anyigba?
Womate ŋu anɔ te o,
elabena Yehowa atutu wo aƒu anyi.
Woakli nu enuenu eye woadze anyi ɖe wo nɔewo dzi.
Woagblɔ be, ‘Mitso, mina míatrɔ ayi míaƒe amewo gbɔ,
le mía denyigba dzi eye míasi le ameteɖeanyila ƒe yi nu.’
Afi ma woado ɣli le be,
‘Egipte fia Farao nye ɣli ƒuƒlu dola;
eƒe mɔnukpɔkpɔ to eta va yi.’ ”
Ale fia si ŋkɔe nye Yehowa,
Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔe nye esi:
“Meta nye agbe be ame aɖe ava abe Tabɔr le towo dome
kple Karmel le atsiaƒu to ene.
Miƒo ƒu miaƒe nuwo na aboyomeyiyi,
mi ame siwo le Egipte,
elabena Memfis azu aƒedo eye woagbãe gudugudu
be ame manɔ eme o.
“Egipte le abe nyinɔ sue dzeani ene
gake togbato tso anyiehe gbɔna ɖe edzi dze ge.
Asrafo siwo wotsɔ aʋae la
le abe nyivi damiwo ene.
Woawo hã atrɔ megbe asi adzo,
womate ŋu anɔ te o,
elabena woƒe gbegblẽ gbɔna
eye woƒe tohegbe va ɖo.
Ne futɔwo ƒe aʋakɔ ho gbɔna la,
Egipte axlɔ̃ abe da si le sisim ene,
woatso ɖe eŋu kple fia abe ŋutsu
siwo lãa ati ene.
Togbɔ be eƒe avewo do ale gbegbe hã la,
woalã wo akɔ ɖi.
Ameawo sɔ gbɔ wu ʋetsuviwo
eye womate ŋu axlẽ wo o.
Yehowae gblɔe.
Woado ŋukpe Egipte vinyɔnu
eye woatsɔe ade asi na ame siwo le anyiehe.”
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la be, “Mahe gbegblẽ va Tebestɔwo ƒe mawu Amon, Farao, Egipte, eƒe fiawo kple eƒe mawuwo kple ame siwo katã ziɔ ɖe Farao ŋuti la dzi. Makplɔ wo ade asi na Babilonia fia Nebukadnezar kple eŋutime siwo le woƒe agbe yome tim. Gake emegbe la, amewo aganɔ Egiptenyigba dzi abe tsã ƒe ɣeyiɣiwo me ene.” Yehowae gblɔe.
“O Yakob, nye dɔla, mègavɔ̃ o;
O Israel, wò mo megatsi dãa o.
Maɖe wò godoo tso didiƒenyigba aɖe dzi
kple wò dzidzimeviwo tso anyigba si dzi
woɖe aboyo wo ɖo ɖo la.
Yakob aganɔ anyi le ŋutifafa kple dedinɔnɔ me
eye ame aɖeke mado ŋɔdzi nɛ o.
Mègavɔ̃ o, O nye dɔla Yakob,
elabena meli kpli wò.
Togbɔ be metsrɔ̃ dukɔ siwo katã me
mekaka mi ɖo ɖo keŋkeŋ hã la,
nyematsrɔ̃ wò ya keŋkeŋkeŋ o.
Mahe to na wò gake ɖe dzɔdzɔenyenye dzi;
Ɖekoe nyemana nàyi tomahemahee kura o.”
Gbedeasi tso Filistitɔwo ŋu
Esia nye Yehowa ƒe nya si va na Nyagblɔɖila Yeremia tso Filistitɔwo ŋu hafi Farao va dze Gaza dzi:
Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Kpɔ ale si tɔwo le ɖɔɖɔm le anyiehe ɖa,
woaɖɔ agbagba, anɔ sisim kple ŋusẽ.
Woaɖɔ axɔ anyigba kple nu sia nu si le edzi,
duwo kple wo me nɔlawo katã dzi.
Ameawo alé avi me sesĩe
eye ame siwo katã le anyigba dzi la,
afa avi kple ɣli,
nenye be wose sɔ siwo le du dzi la ƒe afɔzi
kple futɔwo ƒe tasiaɖamwo ƒe hoowɔwɔ
kple woƒe afɔtiwo ƒe totro.
Fofowo matrɔ ɖe wo viwo ŋu be woakpe ɖe wo ŋu o
elabena woƒe asi adɔ agblɔ ɖe wo ŋu,
elabena ŋkeke la ɖo be woatsrɔ̃ Filistitɔwo katã,
eye woaɖe ame siwo tsi agbe la ɖa,
ame siwo ate ŋu akpe ɖe Tiro kple Sidon ŋu.
Esusɔ vie Yehowa natsrɔ̃ Filistitɔwo,
ame siwo nye Kaftor ƒuta ƒe ame mamlɛawo.
Gaza ako ta kolikoli abe funyila ene,
eye wòaɖo asi Askelon dzi be wòazi ɖoɖoe.
O, mi ame siwo susɔ ɖe tagba,
ɣe ka ɣie miasi mia ɖokuiwo ase ɖo?
“Èdo ɣli be, ‘Ao, Yehowa ƒe yi,
ɣe ka ɣi hafi nàgbɔ ɖe eme?
Tɔ, trɔ yi ɖe wò aku me eye nànɔ anyi kpoo.’
Aleke wòadzudzɔe esi wònye Yehowae ɖoe nɛ,
esi wòɖe gbe nɛ be wòadze Askelon kple ƒutaduwo dzi?”
Gbedeasi tso Moab ŋuti
Tso Moab ŋuti:
Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi:
“Baba na Nebo elabena azu aƒedo.
Woado ŋukpe Kiriataim eye woaxɔe;
woagbã mɔ sesẽ la eye wòazu ŋukpe.
Womagakafu Moab azɔ o,
ŋutsu siwo le Hesbon la ɖo ta me vɔ̃ ɖe eŋu be,
‘Miva, mina míatsrɔ̃ dukɔ ma.’
O, Madmen, woatsrɔ̃ wò hã eye yi ati yowòme.
Se ɣli si le ɖiɖim tso Horonaim ɖa,
enye tsɔtsrɔ̃ gã kple gbegblẽ ƒe ɣli.
Woamu Moab aƒu anyi
eye via suewo afa avi.
Wodze Luhit mɔ dzi le avi fam hehehe.
Wose konyifaɣli le Horonaim mɔ dzi le gbegblẽ la ta.
Misi! Miɖe miaƒe agbe eye mianɔ abe gbe le gbegbe ene.
Esi nèɖo dzi ɖe wò dɔwɔwɔwo
kple wò kesinɔnuwo ŋuti ta la,
woaɖe aboyo wò hã eye woakplɔ Kemos ayi aboyo mee,
kpe ɖe eƒe nunɔlawo kple dumegãwo ŋu.
Nugblẽla ava du sia du me eye du aɖeke masi o.
Woagblẽ balimewo eye woakaka towo
elabena Yehowae gblɔe.
Mide dze Moab elabena aƒaƒã eye eƒe duwo azu aƒedo,
ame aɖeke maganɔ wo me o.
“Aɖi ame si le asi blem le Yehowa ƒe dɔ ŋu!
Aɖi ame si he eƒe yi ɖe megbe be magakɔ ʋu ɖi o la ŋu!
“Moab li bɔkɔɔ tso eƒe ɖevime ke
abe wain si ɖo ƒã ɖi kpoo eye wometrɔe
tso go ɖeka me kɔ ɖe go bubu me o ene;
esia nye be meyi aboyo me kpɔ o.
Eya ta eƒe vivi gale eŋu eye eƒe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ metrɔ o.
Yehowa be, ‘Gake ŋkekewo li gbɔna esi maɖo ŋutsu
siwo trɔa nu le gowo me la ɖa
eye woatrɔe aƒu gbe,
woana eƒe gowo naɖi gbɔlo
eye woagbã eƒe kpluwo.
Ekema Kemos akpe ŋu na Moab,
abe ale si ŋu kpe Israel ƒe aƒe la esi wòtsɔ
eƒe susu da ɖe Betel dzi ene.’
“Aleke miate ŋu agblɔ be, ‘Míenye kalẽtɔwo,
kple ŋutsu siwo bi ɖe aʋawɔwɔ me?’
Woagbã Moab kple eƒe duwo
eye woakplɔ eƒe ɖekakpui vavãwo ayi ɖe amewuƒee.”
Fia si ŋkɔe nye Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu lae gblɔe.
“Moab ƒe anyidzedze tu aƒe,
eƒe dzɔgbevɔ̃e ava kaba.
Mi ame siwo katã ƒo xlãe,
mifa nɛ eye ame siwo katã nya
ale si wòxɔ ŋkɔe la negblɔ be,
‘Aleke fiatikplɔ sesẽ la
kple atizɔti dzeani la ŋe ale!’
“Ɖi le wò ŋutikɔkɔe me eye nànɔ anyi ɖe anyigba
si ƒu kplakplakpla la dzi,
O mi ame siwo le Dibon vinyɔnu ƒe du me
elabena ame si gbã Moab la aƒo ɖe dziwò
eye wòagbã wò mɔ sesẽwo.
Mi ame siwo le Aroer,
mitsi tsitre ɖe mɔto ne miakpɔ nu.
Bia ŋutsu si le du dzi kple nyɔnu si le sisim la be,
‘Nya kae dzɔ?’
Wodo ŋukpe Moab elabena wogbãe gudugudu.
Do ɣli, nàfa avi sesĩe!
Ɖe gbeƒãe le Arnon be wogbã Moab.
Ʋɔnudɔdrɔ̃ va du siwo le to tame la dzi.
Eva Holon, Yaza kple Mefaat dzi.
Eva Dibon, Nebo kple Bet Diblataim dzi.
Eva Kiriataim, Bet Gamul kple Bet Meon dzi,
Eva Keriyɔt, Bozra kple Moab duwo katã dzi,
esiwo le kpuiƒe kple didiƒe siaa dzi.
Wolã Moab ƒe dzo ɖa, woŋe eƒe abɔ.”
Yehowae gblɔe.
“Mina aha Moab wòano amu,
aƒo dablibɛ le xe si wòɖe la me,
eye wòazu alɔmeɖenu, elabena edo toku Yehowa ƒe gbe.
Ɖe menye Israel ye nye wò alɔmeɖenu oa?
Ɖe wolée le fiafitɔwo dome kpɔ hafi ne èle nu ƒom
tso eŋu la, nèʋuʋua ta fewuɖutɔea?
Mi Moabtɔwo, misi le miaƒe duwo me,
miayi aɖanɔ agakpewo tome.
Minɔ abe akpakpa si wɔ atɔ ɖe agado nu ene.”
Yehowa be, “Míese Moab ƒe dada, ɖokuiŋudzedze, adegbeƒoƒo,
ɖokuidzadzra kple amemabumabu
kple eƒe dzi ƒe kɔkɔ ɖe dzi.
Menya eƒe tonumasemase gake toflokoe,
elabena eƒe dada vivivo mahe naneke vɛ nɛ o.
Eya ta mado ɣli ɖe Moab ŋu
eye mafa avi ɖe Moab blibo ŋu.
Mefa na Kir Hareset ŋutsuwo.
O, mi Sibma wainkawo,
mefa na mi abe ale si Yazer fa avi ene.
Wò alɔwo keke yi ɖe atsiaƒu to ʋĩi
eye wodidi ɖase keke Yazer ƒuta ke.
Nugblẽla va ƒo ɖe wò atikutsetse ɖiɖiwo
kple wò wainkpowo dzi.
Dzidzɔ kple aseyetsotso nu
tso le Moab ƒe agblewo me.
Metsi wain nu le wainfiamɔwo me,
ame aɖeke magafiae kple dzidzɔ o.
Togbɔ be ɣli le ɖiɖim hã la,
menye dzidzɔɣlie o.
“Woƒe aviɣli ɖi tso Hesbon,
yi Eleale kple Yahaz ke.
Eɖi tso Zoar, eye wosee le Horonaim,
Eglat Selisia gɔ̃ hã,
elabena Nimrim tɔsisi me tsiwo ke hã mie.
Maɖo asi ame siwo sa vɔ le nuxeƒewo
eye wodoa dzudzɔ ʋeʋĩ na
woƒe mawuwo la dzi le Moab.”
Yehowae gblɔe.
Yehowa be, “Eya ta nye dzi le nu xam le Moab ŋu abe dzekuku ene,
eye nye dzi xa nu abe kpẽ ene na Kir Hareset ŋutsuwo,
elabena kesinɔnu siwo woli kɔe la dzo.
Wolũ ta ɖe sia ɖe eye woƒlɔ ge ɖe sia ɖe,
wode abi asi ɖe sia ɖe ŋu eye akpanya le ali ɖe sia ɖe dzi.
Le Moab ƒe xɔwo katã tame
kple ablɔwo me la, naneke meli wu konyifafa o,
elabena megbã Moab abe kplu si
ame aɖeke mele didim o la ene.”
Yehowae gblɔe.
“Wogbãe gudugudu loo!
Wole ɣli dom ale gbegbe!
Aleke Moab trɔ megbe kple ŋukpee nye esi!
Moab zu alɔmeɖenu kple bibi na
ame siwo katã ƒo xlãe.”
Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Kpɔ ɖa, hɔ̃ aɖe dzo gbɔna, eɖo asagba,
keke eƒe aʋalawo me ɖe Moab dzi.
Woaxɔ Keriyɔt kple eƒe mɔ sesẽwo.
Gbe ma gbe la, Moab ƒe Kalẽtɔwo ƒe dzi anɔ
abe nyɔnu si le ku lém la tɔ ene.
Woatsrɔ̃ Moab, be maganye dukɔ azɔ o,
elabena edo toku Yehowa ƒe gbe.
O, Moabtɔwo, ŋɔdzi,
ʋe globo kple mɔka le mia lalam.”
Yehowae gblɔe.
“Ame si si le ŋɔdzi nu la age adze ʋe globo la me,
mɔka aɖe ame si te ŋu do le ʋe globoa me,
elabena mahe toheɣi va Moab dzi.”
Yehowae gblɔe.
“Sitsoƒedilawo tɔ ɖe Hesbon ƒe vɔvɔli te xɔnamemanɔsitɔe,
elabena dzo tso Hesbon
eye dzo ƒe aɖe do tso Sixɔn titina,
efia Moabtɔwo ƒe ŋgonu,
dada ƒuƒlu dalawo ƒe tagowo.
Baba na wò, O Moab!
Wotsrɔ̃ Kemostɔwo,
wokplɔ mia viŋutsuwo yi aboyo mee
eye woɖe aboyo mia vinyɔnuwo.
“Ke hã la, magaɖo Moab ƒe nunyonamewo te
le ŋkeke siwo ava la me.”
Yehowae gblɔe.
Moab ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ se ɖe afi sia.
Gbedeasi tso Amon ŋuti
Nya sia ku ɖe Amonitɔwo ŋuti:
Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Viŋutsuwo mele Israel si oa?
Domenyilawo mele esi oa?
Ekema nu ka ta Molek xɔ Gad wòzu etɔ?
Nu ka ŋuti eƒe amewo le duwo me?”
Ke Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna, esi mado aʋaɣli ɖe,
Amonitɔwo ƒe du, Raba, ŋu.
Woagbãe wòazu anyiglago eye kɔƒe
siwo ƒo xlãe la, woatɔ dzo wo.
Ekema Israel anya ame siwo nyae de gbe la de gbe,”
Yehowae gblɔe.
“O Hesbon, fa avi kple ɣli,
elabena wogbã Ai!
Mido ɣli, O mi Raba me nɔlawo!
Mita akpanya ne miafa konyi;
miƒu du tso afii yi afi mɛ le glikpɔtɔtɔ la me,
elabena Molek ayi aboyo me,
kpe ɖe nunɔlawo kple dumegãwo ŋuti.
Nu ka ŋuti mietsɔ miaƒe balimewo le adegbe ƒom,
adegbe ƒom be kutsetse geɖe do go tso wo me?
O vinyɔnu ahasitɔ,
èda wò susu ɖe wò kesinɔnuwo dzi eye nègblɔ be,
‘Ame kae adze dzinye?’
Mahe ŋɔdzi va dziwò tso ame siwo ƒo xlã wò la gbɔ.”
Aƒetɔ lae gblɔe.
“Woanya mia dometɔ ɖe sia ɖe ɖa
eye ame aɖeke maƒo aʋasilawo nu ƒu o.
“Gake emegbe la, magaɖo Amonitɔwo ƒe nunyonamewo te.”
Yehowae gblɔe.
Gbedeasi tso Edom ŋuti
Ku ɖe Edom ŋuti:
Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi:
“Nunya megale Teman oa?
Ɖe aɖaŋudede vɔ le ame ŋkuta sia?
Ɖe woƒe nunya lé ɣebia?
Mi ame siwo le Dedan, mitrɔ, misi,
miyi ɖaɣla ɖe agado goglowo me,
elabena mahe gbegblẽ va Esau dzi,
ne ɣeyiɣi de be mahe to nɛ.
Ne waintsetsegbelawo va gbe waintsetsewo na wò la,
ɖe womagblẽ ʋe aɖewo ɖi oa?
Ne fiafitɔwo va le zã me be woafi wò nuwo la,
ɖe menye esi sinu woate ŋui la ko woatsɔ adzoe oa?
Gake nye la, maɖe amama Esau,
mana eƒe ŋukpeƒe nadze ale be
mate ŋu aɣla eɖokui o.
Viawo, eƒe ƒometɔwo kple eƒe aƒelikawo atsrɔ̃
eye womaganɔ anyi o.
Migblẽ miaƒe tsyɔ̃eviwo ɖi,
maʋli woƒe agbe ta.
Miaƒe ahosiwo hã neda woƒe susu ɖe dzinye.”
Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Nenye be ame siwo medze be woano kplu la o la noe la, ekema nu ka wɔ woaɖe asi le miawo ya ŋu tomahemahee? Eya ta miayi tomahemahee o, ke boŋ miano kplu la godoo.” Yehowa be, “Meta ɖokuinye ƒe agbe be, Bozra azu aƒedo, ŋɔdzinu, ŋunyɔnu kple ɖiŋudonu eye eƒe duwo katã azu aƒedo tegbetegbee.”
Mexɔ gbedeasi sia tso Yehowa gbɔ:
Wodɔ dɔla aɖe ɖe dukɔwo gbɔ be wòagblɔ be,
“Miƒo mia ɖokuiwo nu ƒu ne miadze edzi!
Mitso, midze aʋa!”
“Azɔ mawɔ wò nàzu sue le dukɔwo dome
eye maɖi gbɔ̃ wò vevie.
Ŋɔdzi si le ŋuwò kple dada si le wò dzi me la ble wò,
wò si le agakpewo tome,
eye nèle togbɛwo tame ke.
Togbɔ be nèwɔ wò atɔ ɖe kɔkɔƒe ke abe hɔ̃ ene hã la,
mahe wò tso afi ma ke aƒu anyi,”
Yehowae gblɔe.
“Edom azu ŋɔdzinu,
ame siwo katã ato eŋu ava yi la ƒe mo awɔ yaa
eye woaɖu fewu le eŋu le abi siwo wòxɔ la ta.
Anɔ abe ale si metsrɔ̃ Sodom kple Gomora
kple du siwo ƒo xlã wo la ene
ale be ame aɖeke manɔ afi ma o,
ŋutsu aɖeke manɔ eme o.”
Yehowae gblɔe.
“Maɖe Edom ɖe nu tso eƒe anyigba dzi zi ɖeka,
abe ale si dzata doa go tso Yɔdan ƒe ave dodowo me
gena ɖe gbe damawo dzi ene.
Ame ka wotia da ɖi ne matɔ asi edzi wòawɔ esia?
Ame ka le abe nye ene eye ame kae aʋli ho kplim?
Alẽkplɔla kae ate ŋu anɔ te ɖe nunye?”
Eya ta ɖo to nàse nu si Yehowa ɖo ɖe Edom ŋuti,
kple nu si wòɖo kplikpaa ɖe Temantɔwo ŋu:
Woahe alẽviwo adzoe le alẽha me,
agblẽ woƒe gbeɖuƒe keŋkeŋkeŋ le woƒe nuwɔwɔwo ta.
Woƒe anyidzedze ƒe gbeɖiɖi ana anyigba naʋuʋu;
eye woase woƒe aviɣli le Ƒu Dzĩ nu ke.
Kpɔ ɖa! Hɔ̃ aɖe ayi yame ʋĩi,
eye wòade agba anyi ɖe Bozra dzi.
Gbe ma gbe la, Edom ƒe kalẽtɔwo ƒe dzi anɔ
abe nyɔnu si le ku lém la tɔ ene.
Gbedeasi tso Damasko ŋuti.
Tso Damasko ŋuti:
“Hamat kple Arpad ƒe mo tsi dãa,
elabena wose nya vɔ̃.
Dzi ɖe le wo ƒo, wotɔtɔ eye wotsi dzimaɖi abe atsiaƒu ene.
Damasko zu nu beli,
vɔvɔ̃ ɖoe eye wòtrɔ helé du tsɔ,
elabena vɔvɔ̃ ɖoe eye ŋeŋe kple vevesese xɔe
abe nyɔnu kuléla ƒe vevesese ene.
Nu ka ta womegblẽ du xɔŋkɔ
si ŋu mekpɔa dzidzɔ le la ɖi o?
Via ŋutsuwo aku, atsi mɔtatawo dzi le nyateƒe me,
eye ɖoɖoe azi le eƒe asrafowo katã nu gbe ma gbe.
Matɔ dzo Damasko ƒe gliwo
eye wòafia Ben Hadad ƒe mɔ sesẽwo.”
Yehowae gblɔe.
Gbedeasi na Kedar kple Hazor
Nya sia ku ɖe Kedar kple Hazor fiaɖuƒe siwo dzi Babilonia fia Nebukadnezar va dze la ŋu:
Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Tso, nàdze Kedar dzi eye nàtsrɔ̃ ɣedzeƒetɔwo.
Woaxɔ woƒe avɔgbadɔwo kple woƒe lãhawo
eye woaxɔ woƒe gbɔɖemeƒewo
kple woƒe nunɔamesiwo kple woƒe kposɔwo.
Amewo ado ɣli ɖe wo ŋu be, ‘Ŋɔdzi ƒo xlã mi!’
“Misi dzo kaba!
Mi ame siwo le Hazor,
mibe ɖe agado goglowo me.”
Yehowae gblɔe.
“Babilonia fia Nebukadnezar ɖo nugbe ɖe ŋuwò,
ewɔ ɖoɖo be wòagblẽ wò.
“Tso nàdze dukɔ si li bɔkɔɔ kple dukɔ si si dzideƒo le la dzi.
Dukɔ si nu agbo alo akɔbli ƒe mɔnuxenu mele o
eye eƒe amewo le dziɖeɖi me.”
Yehowae gblɔe.
“Woƒe kposɔwo azu nuhaha
eye woƒe lãha gbogboawo azu afunyinu.
Makaka ame siwo le didiƒewo,
be ya nalɔ wo ɖe nu eye mahe gbegblẽ va
wo dzi le go sia go me.”
Yehowae gblɔe.
“Hazor azu nɔƒe na amegaxiwo
eye wòazu aƒedo tegbetegbe.
Ame aɖeke manɔ afi ma o;
aƒe aɖeke manɔ eme o.”
Gbedeasi na Elam
Esia nye Yehowa ƒe nya si va na Nyagblɔɖila Yeremia ku ɖe Elam ŋuti, nya sia va nɛ le Yuda fia Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedze ƒe ɣeyiɣiwo me:
Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi:
“Kpɔ ɖa, maŋe Elam ƒe da,
si nye eƒe ŋusẽkpɔtsoƒe.
Makplɔ ya eneawo tso dziƒo
ƒe dzogoe eneawo dzi aƒu Elam.
Makaka wo ɖe ya eneawo dzi
eye dukɔ aɖeke manɔ anyi si ke me
womakpɔ Elam ƒe aboyomewo le o.
Magbã Elam le eƒe futɔ siwo le eƒe agbe yome tim la ƒe ŋkume,
eye mahe gbegblẽ kple nye dziku helĩhelĩ gɔ̃ hã va wo dzi,”
Yehowae gblɔe.
“Mati wo yome kple yi va se ɖe
esime matsrɔ̃ wo katã.
Maɖo nye zikpui anyi ɖe Elam
eye matsrɔ̃ eƒe fia kple dumegãwo.”
Yehowae gblɔe.
“Ke hã la, magaɖo Elam ƒe nunyonamewo te le
ŋkeke siwo gbɔna me.”
Yehowae gblɔe.
Gbedeasi tso Babilonia ŋuti
Esia nye nya si Yehowa gblɔ to Nyagblɔɖila Yeremia dzi ku ɖe Babilonia kple Babiloniatɔwo ƒe anyigba ŋuti:
“Miɖe gbeƒãe eye mido kpoe le dukɔwo dome,
mikɔ aflaga dzi, ne miado bobloe;
migagbe nya la katã gbɔgblɔ o,
ke boŋ migblɔ be,
‘Woaxɔ Babilonia,
ŋukpe alé Bel eye ŋɔdzi alé Marduk vevie.
Woado ŋukpe eƒe legbawo
eye ŋɔdzi alé eƒe aklamakpakpɛwo.’
Dukɔ si tso anyiehe la ava dze edzi
eye wòagblẽ eƒe anyigba keŋkeŋ.
Ame aɖeke manɔ edzi o,
amewo kple lãwo siaa asi adzo.”
Yehowa be,
“Le ŋkeke mawo me, le ɣe ma ɣi me la,
Israelviwo kple Yudatɔwo siaa awɔ ɖeka ava Yehowa,
woƒe Mawu la gbɔ kple avi.
Woabia Zion ƒe mɔ ta ase
eye woatrɔ woƒe mo ɖo ɖe egbɔ.
Woava eye woabla nubabla mavɔ kple Yehowa,
nubabla si womaŋlɔ be akpɔ o.
“Nye dukɔ le abe alẽ tatrawo ene,
woƒe kplɔlawoe kplɔ wo trae
eye wona wole tsatsam le towo dzi.
Wole tsaglãla tsam le towo kple togbɛwo dzi
eye woŋlɔ woawo ŋutɔ ƒe nɔƒe be.
Ame sia ame si ke ɖe wo ŋu la vuvua wo;
woƒe futɔwo gblɔ be,
‘Míedze agɔ o, elabena wowɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa,
woƒe lãnyiƒe vavã,
kple Yehowa wo fofowo ƒe mɔkpɔkpɔ ŋuti?’
“Misi do go le Babilonia,
midzo le Babiloniatɔwo ƒe anyigba dzi
eye minɔ abe agbowo le alẽhawo ŋgɔ ene,
elabena made adã ta me na dukɔ
siwo le anyiehenyigba dzi ɖe Babilonia ŋu
eye woawɔ ɖeka aho ɖe eŋu.
Woava aƒu asaɖa anyi ɖe eŋu
eye woava lée tso anyiehe gome.
Woƒe aŋutrɔwo magbɔ ƒuƒlu o,
elabena woanɔ abe ame siwo bi ɖe
aʋawɔwɔ me la tɔwo ene.
Ale Babilonia azu nuhaha
eye ame siwo hae la akpɔ afunyinuwo fũu.”
Yehowae gblɔe.
“Esi mi ame siwo nye avuzi le nye domenyinu dzi,
kpɔ dzidzɔ, hetso aseye eye esi mieti kpo
abe nyinɔvi si le bli nyɔm ene,
hexlɔ̃ abe sɔtsuwo ene ta la,
Ŋukpe gã aɖe ava mia dada dzi
eye ame si dzi mi, woado vloe.
Anye suetɔ le dukɔwo dome, azu gbegbe,
kuɖiɖinyigba kple dzogbe.
Le Yehowa ƒe dziku helĩhelĩ ta la,
ame maganɔ eme o, ke boŋ azu aƒedo.
Ame sia ame si to Babilonia ŋu yi la ƒe nu aku
eye woaɖu fewu le woƒe abixɔxɔwo katã ta.
“Mi ame siwo daa aŋutrɔ,
midze aʋa ɖe Babilonia ŋu.
Mida aŋutrɔe!
Midae, ɖeke megasusɔ o,
elabena ewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu.
Miɖe to ɖee miado ɣli ɖe eta!
Ena ta, eƒe gbetakpɔxɔwo mu dze anyi
eye wogbã eƒe gliwo ƒu anyi.
Esi wònye Yehowa ƒe hlɔ̃biabiae ta la, mibia hlɔ̃e;
miwɔe nɛ abe ale si wòwɔe na ame bubuwo ene.
Mitsrɔ̃ nukuƒãla kple nuŋela
kple eƒe nuŋehɛ siaa le Babilonia le nuŋeɣi.
Le nugblẽla ƒe yi ta la,
ame sia ame netrɔ yi eya ŋutɔ ƒe amewo gbɔ,
eye ame sia ame nesi yi eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi.
“Israel nye alẽha si dzatawo ɖe ɖe nu, eye wokaka gbẽe.
Ame gbãtɔ si vuvui lae nye Asiria fia
ame mamlɛtɔ si gbã eƒe ƒuwo lae
nye Babilonia fia Nebukadnezar.”
Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi:
“Mahe to na Babilonia fia kple eƒe anyigba
abe ale si mehe to na Asiria ene.
Ke matrɔ Israel agbɔe va eya ŋutɔ
ƒe gbe dama dzi, aɖu gbe le Karmel
kple Basan eye akpɔ ƒoɖiɖi le Efraim
kple Gilead togbɛwo dzi.”
Yehowa be, “Le ŋkeke mawo me, le ɣe ma ɣi me,
woatsa, adi Israel ƒe agɔdzedze
gake womakpɔ ɖeke o
eye woadi Yuda ƒe nu vɔ̃wo
gake womakpɔ ɖeke o,
elabena matsɔe ake ame susɔe
siwo megblẽ ɖi.”
Yehowa be,
“Wɔ avu kple Merataim kple ame siwo le Pekod.
Ti wo yome, wu wo eye nàtsrɔ̃ wo keŋkeŋ.
Wɔ nu siwo katã ƒe se mede na wò.
Aʋaɣli le anyigba dzi, eye gbegblẽ gã si
le edzi yim la ƒe hoowɔwɔ le ɖiɖim.
Aleke woŋe, eye wohekaka anyigba blibo la ƒe zu ale!
Aleke Babilonia zu gbegbe le dukɔwo dome ale!
O Babilonia, metre mɔ na wò
eye mɔ ɖe wò hafi nèva nya gɔ̃ hã.
Woke ɖe ŋuwò eye wolé wò
elabena ètsi tsitre ɖe Yehowa ŋu.
Yehowa ʋu eƒe aʋawɔnuwo ƒe ʋɔ
eye wòɖe eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ ƒe aʋawɔnu do goe,
elabena dɔ le Aƒetɔ Yehowa,
Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,
ŋu wòawɔ le Babiloniatɔwo ƒe anyigba dzi.
Mitso adzɔge miava ƒo ɖe edzi.
Migbã eƒe nuɖuɖudzraɖoƒewo,
milɔe ƒo ƒu abe ale si wolia kɔ agblemenukuwo ene.
Mitsrɔ̃e keŋkeŋ eye migasusɔ ame ɖeka hɔ̃ɔ hã ɖi o.
Miwu eƒe nyitsu viwo katã;
mikplɔ wo yi lãwuƒee!
Baba na wo! Elabena woƒe ŋkeke la ɖo,
ɣeyiɣi la de na wo be woaxɔ tohehe.
Miɖo to miase Babilonia ƒe aʋaléleawo
kple aʋasilawo ƒe nya si gblɔm
wole le Zion tso ale si Yehowa,
míaƒe Mawu la bia hlɔ̃ woe,
ebia hlɔ̃ na eƒe gbedoxɔ.
“Miyɔ aŋutrɔdalawo vɛ,
ne woaɖe to ɖe Babilonia,
ame siwo katã hea da me la neva.
Miva ɖe to ɖee godoo va kpe,
migana ame aɖeke nasi o.
Mixe nu siwo katã wòwɔ la ƒe fe nɛ,
miwɔe nɛ abe ale si eya hã wɔe na ame bubuwo ene.
Elabena edze aglã ɖe Yehowa,
Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu.
Eya ta eƒe ɖekakpuiwo aku akaka ɖe mɔtatawo dzi
eye ɖoɖoe azi le eƒe asrafowo nu gbe ma gbe.”
Yehowae gblɔe.
Aƒetɔ Yehowa,
Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔ be,
“Kpɔ ɖa, metso ɖe ŋutiwò, O dadala,
elabena wò ŋkeke la va ɖo, wò toheɣi ɖo.
Dadala la akli nu adze anyi
eye ame aɖeke mafɔe ɖe tsitrenu o.
Matɔ dzo eƒe duwo eye dzo la afia
ame siwo katã ƒo xlãe la hã.”
Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔe nye esi:
“Wote Israelviwo kple Yudatɔwo siaa ɖe anyi.
Ame siwo katã ɖe aboyo wo la lé wo goŋgoŋ,
eye wogbe asiɖeɖe le wo ŋu.
Evɔ la, woƒe Xɔnametɔ nye ŋusẽtɔ hafi,
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ.
Aʋli wo ta vevie, ale be wòana gbɔdzɔe woƒe anyigba,
gake ana ame siwo katã le Babilonia la natsi dzimaɖi.”
Yehowa be, “Yi le Babiloniatɔwo yome!
Etso ɖe ame siwo le Babilonia,
woƒe dumegãwo kple woƒe nunyalawo ŋuti!
Yi atso ɖe eƒe aʋatsonyagblɔɖilawo ŋu
eye woazu bometsilawo.
Yi ati woƒe kalẽtɔwo yome
eye ŋɔdzi alé wo!
Yi atso ɖe eƒe sɔwo, tasiaɖamwo kple amedzro
siwo katã wotsɔ aʋae la ŋuti
eye woanɔ abe nyɔnuwo ene!
Yi atso ɖe eƒe kesinɔnuwo ŋu
eye woaha wo!
Kuɖiɖi neto eƒe tɔsisiwo me,
ne woamie ƒiaƒiaƒia,
elabena enye anyigba si yɔ fũu kple legbawo,
legba siwo adze aɖaʋa le ŋɔdzi ta.”
Yehowa be, “Ava eme be lã wɔadãwo
kple amegaxiwo anɔ afi ma,
eye golowo hã atso aƒe ɖe afi ma.
Maganye amenɔƒe alo amewo magatso aƒe ɖi akpɔ o,
tso dzidzime yi dzidzime.
Anɔ ko abe ale si metsrɔ̃ Sodom kple Gomora
kple du siwo ƒo xlã wo lae ene,
ale be ame aɖeke magatso aƒe ɖi o
eye ame aɖeke manɔ afi ma hã o.”
“Kpɔ ɖa! Aʋakɔ aɖe ho tso anyiehe gbɔna,
wode adã ta me na dukɔ gã aɖe
kple fia gbogbo aɖewo tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke gbɔna.
Wogbɔna kple aŋutrɔ kple akplɔ.
Woƒe ta me sẽ, eye womekpɔa nublanui o.
Esi wole woƒe sɔwo dzi gbɔna la,
woƒe hoowɔwɔ le abe atsiaƒue dze agbo ene.
Wobla akpa abe ame siwo dze aʋa ɖi ene be
woava akpe aʋa kpli wò,
Oo, Babilonia vinyɔnu.
Babilonia fia se nya tso wo ŋu xoxo eye eƒe lãme fa.
Vɔvɔ̃ ɖoe eye wòse veve abe nyɔnu si le ku lém la ene.
Abe dzata si do go tso Yɔdan ƒe ave dodo me,
hege ɖe gbe dama nyui dzi ene la,
nenema maɖe Babilonia ɖe nu tso
eƒe anyigba dzi zi ɖeka kpoyi!
Ame kae nye ame tiatia si madɔ wòawɔ esia?
Ame kae le abe nye ene eye ame kae ate ŋu
anɔ te ɖe nunye?
Alẽkplɔla ka ate ŋu atsi tsitre ɖe ŋunye?”
Eya ta se nu si Yehowa ɖo ɖe Babilonia ŋu
kple nu si ƒe susu wòwɔ ɖi ɖe Babiloniatɔwo ƒe anyigba ŋu:
Woakplɔ lãha ƒe suetɔwo adzoe,
agblẽ woƒe gbeɖuƒe keŋkeŋkeŋ le woƒe nuwɔwɔwo ta.
Babilonia xɔxɔ ƒe ɣli ana anyigba naʋuʋu,
eye eƒe aviɣli aɖi le dukɔwo dome.
Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Kpɔ ɖa, maʋã nugblẽla aɖe ƒe gbɔgbɔ ɖe Babilonia
kple ame siwo le Leb Kamai ŋuti.
Madɔ amedzrowo ɖo ɖe Babilonia be
woagbɔe abe lu ene, eye woatsrɔ̃ eƒe anyigba.
Woatsi tsitre ɖe eŋu le go sia go me le
eƒe gbegblẽ ƒe ŋkeke la dzi.
Mègana woƒe aŋutrɔdala nagahe eƒe dati me
alo atsɔ eƒe akpoxɔnu ado o.
Mègakpɔ nublanui na eƒe ɖekakpuiwo o,
ke boŋ tsrɔ̃ eƒe aʋakɔ la keŋkeŋkeŋ.
Woadze anyi aku ɖe Babilonia
eye woaxɔ abi vevie le eƒe ablɔwo dzi.
Elabena Israel kple Yuda ƒe Mawu la
Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, megbe wo o,
togbɔ be woƒe anyigba la yɔ fũu
kple nu vɔ̃ le Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe ŋkume hã.
“Misi tso Babilonia! Si ne nàɖe wò agbe!
Womegatsrɔ̃ wò le eƒe nu vɔ̃wo ta o.
Ɣeyiɣi de na Yehowa ƒe hlɔ̃biabia,
axe fe si dzee la nɛ.
Babilonia nye sikakplu le Yehowa ƒe asi me,
eye wòna xexea me katã mu aha.
Dukɔwo no eƒe wain, eya ta fifi laa la, wo katã wodze aɖaʋa.
Babilonia adze anyi kpata,
eye woagbã gudugudu.
Fa avi sesĩe ɖe eta!
Di dɔyɔmi na eƒe vevesese,
ɖewohĩ akpɔ dɔyɔyɔ.
“ ‘Anye ne míeyɔ dɔ Babilonia,
gake womate ŋu ayɔ dɔe o;
mina mía dometɔ ɖe sia ɖe nayi eƒe du me,
agblẽe ɖi, elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ɖatɔ dziƒo,
eye wòkɔ abe lilikpo ene.’
“ ‘Yehowa tso afia na mí, miva,
míaɖe gbeƒã nu si Yehowa, míaƒe Mawu la wɔ le Zion.’
“Minyre aŋutrɔwo, mitsɔ akpoxɔnuwo!
Yehowa de adã ta me na Media fiawo
elabena eƒe taɖodzinue nye be wòatsrɔ̃ Babilonia.
Yehowa abia hlɔ̃, abia hlɔ̃ na eƒe gbedoxɔ.
Mikɔ aflaga dzi ɖe Babilonia ƒe gliwo ŋu!
Miyɔ dzɔla bubuwo vɛ va kpe esiwo li xoxo,
miɖo gbetakpɔlawo wo nɔƒe,
eye mina amewo nade xa ɖi na wo.
Yehowa awɔ ɖe nu si wòɖo la dzi,
awɔ nu siwo wògblɔ ɖi ɖe Babiloniatɔwo ŋuti la dzi.
Mi ame siwo le tɔsisi geɖewo to
eye kesinɔnu geɖewo le mia si,
miaƒe nuwuwu ɖo,
ɣeyiɣi de be woatsrɔ̃ mi,
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,
ta eɖokui ƒe agbe be:
Mana amewo nayɔ mewò fũu
abe ʋetsuviwo ƒe ha wonye ene,
eye woado dziɖuɖu ƒe ɣli ɖe tawò.
“Eƒe ŋusẽ wòtsɔ wɔ anyigbae;
eyae na anyigba dzɔ to eƒe nunya me,
eye wòtsɔ eƒe nugɔmesese keke dziƒowo mee. Ne eɖe gbe la, tsi siwo le dziƒowo tea gbe
eye wònana lilikpowo hona tso anyigba ƒe mlɔenu ke.
Eɖoa dzikedzo kple tsidzadza ɖa
eye wòɖea yaƒoƒo doa goe tso eƒe nudzraɖoƒewo.
“Amegbetɔwo katã nye movitɔwo
eye nunya mele tagbɔ na wo o.
Sikanutula ɖe sia ɖe ƒe legbawo akpe ŋu nɛ.
Eƒe legbawo nye beble
elabena agbe mele wo me o.
Nu maɖinuwo kple alɔmeɖenuwo wonye,
ne woƒe ʋɔnudrɔ̃gbe ɖo la, woatsrɔ̃.
Ke ame si nye Yakob ƒe gome la
mele abe esiawo ene o,
elabena eyae nye nuwo katã wɔla
eye eya kee wɔ dukɔ si nye eƒe domenyinu,
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ.
“Aʋawɔkpo kple aʋawɔnu nènye nam,
wòe metsɔ kaka dukɔwoe,
wòe metsɔ tsrɔ̃ fiaɖuƒewoe.
Wòe metsɔ kaka sɔ kple sɔdolae,
wòe metsɔ kaka tasiaɖam kple ekulae.
Wòe metsɔ kaka ŋutsu kple nyɔnue;
wòe metsɔ kaka ame tsitsiwo kple sɔhɛwoe,
wòe metsɔ kaka ɖekakpui kple ɖetugbie.
Wòe metsɔ kaka alẽkplɔla kple alẽha lae,
wòe metsɔ kaka agbledela kple eƒe nyiwoe
eye wòe metsɔ kaka mɔmefiawo kple woƒe dɔdzikpɔlawoe.
“Le miaƒe ŋkume maxe fe na Babilonia kple Babilonianɔlawo katã, ɖe nu gbegblẽ siwo katã wova wɔ le Zion la ta.” Yehowae gblɔe.
Yehowa be, “Metso ɖe ŋuwò,
O, wò to nugblẽla,
wò si gblẽ xexea me katã.
Mado nye asi ɖe gbɔwò,
atu asi wò nàmli age tso to dzi adze anyi
eye mawɔ wò abe to si dzo bi la ene.
Womagaɖe kpe aɖeke le mewò atsɔ wɔ dzogoedzikpe
alo gɔmeɖokpee o elabena àzu gbegbe tegbee.”
Yehowae gblɔe.
“Kɔ aflaga dzi le anyigba la dzi!
Ku kpẽ la le dukɔwo dome!
Dzra dukɔwo ɖo woakpe aʋa kplii.
Yɔ fiaɖuƒe siawo woava sɔ ɖe eŋu,
Ararat, Mini kple Askenaz.
Ɖo aʋafia ɖe eŋu, eye nàdɔ sɔ siwo sɔ gbɔ
abe ʋetsuviwo ene la ɖe eŋu.
Dzra dukɔwo ɖo ne woakpe aʋa kplii.
Media fiawo, woƒe dziɖulawo,
woƒe dɔnunɔlawo katã kple dukɔ
siwo katã dzi ɖum wole la nakpe aʋa kplii.
Anyigba ʋuʋu hedzo nyanyanya
elabena Yehowa ƒe ɖoɖowo ɖe Babilonia ŋu le te be,
wòado gbegbe Babilonianyigba ale be
ame aɖeke maganɔ edzi akpɔ o.
Babilonia ƒe kalẽtɔwo dzudzɔ aʋawɔwɔ
eye wotsi woƒe mɔ sesẽwo me.
Ŋusẽ vɔ le wo ŋu,
eye wole ko abe nyɔnuwo ene.
Wotɔ dzo eƒe nɔƒewo
eye woŋe eƒe agbometiwo.
Duƒula kplɔ duƒula ɖo
eye dɔtsɔla kplɔ dɔtsɔla ɖo ne
woaɖagblɔ na Babilonia fia be, woxɔ eƒe du la
kple tɔtsoƒewo hetɔ dzo simenyigba
eye ŋɔdzi lé asrafoawo.”
Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi:
“Babilonia vinyɔnu le abe lugbɔƒe si le lalam la ene;
eye esusɔ vie nuŋeɣi naɖo nɛ.”
“Babilonia fia, Nebukadnezar vuvu mí,
de tɔtɔ mía dome eye wòwɔ mí míele
abe tsizɔ ƒuƒluwo ene.
Emi mí abe ʋɔ ene, eye wòtsɔ míaƒe nu viviwo ɖi ƒoe na eɖokui,
emegbe etu mí ƒu gbe.
Ŋuta si Babilonia sẽ le míaƒe ŋutilãwo ŋuti la neva edzi.
Zion nɔlawoe gblɔe.”
“Míaƒe ʋu neva Babilonianɔlawo ƒe ta dzi. ”
Yerusalemtɔwoe gblɔe.
Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Kpɔ ɖa, maʋli tawò eye mabia hlɔ̃ na wò.
Mana eƒe atsiaƒu namie ƒiaƒiaƒia
eye eƒe vudowo me naƒu kplakplakpla.
Babilonia azu anyiglago,
amegãxiwo nɔƒe eye wòazu ŋɔdzinu kple fewuɖunu,
teƒe si ame maganɔ akpɔ o.
Eƒe amewo katã le gbe ɖem abe dzatawo ene
eye wole gbe tem abe dzataviwo ene.
Ke ne dzo ɖo lãme na wo vɔ keŋ la,
maɖo nuɖukplɔ̃ na wo, eye mana woamu aha,
ale gbegbe be woado ɣli anɔ nu kom xaxaxa,
emegbe woadɔ alɔ̃ tegbee, eye womanyɔ akpɔ o.”
Yehowae gblɔe.
“Mana woakplɔ wo vɛ abe alẽviwo,
agbowo kple gbɔ̃wo ene ayi wuwu ge.
“Aleke woahalé Sesak eye asi asu anyigba blibo la ƒe adegbeƒola dzi!
Aleke Babilonia azu ŋɔdzinu le dukɔwo dome!
Atsiaƒu aɖɔ agbagba ɖe Babilonia dzi
eƒe ƒutsotsoe dzeagbowo aŋe atsyɔ edzi.
Eƒe duwo azu aƒedo, kuɖiɖinyigba,
dzogbenyigba kple anyigba si dzi ame maganɔ
alo mɔzɔla aɖe nato ayi o.
Mahe to na Bel le Babilonia
eye mana wòaɖe nu si wòmi.
Dukɔwo magaƒo zi ayi egbɔ o
eye Babilonia ƒe gliwo amu adze anyi.
“Nye amewo, mido le wo dome!
Misi kple du ne miaɖe miaƒe agbe!
Misi le Yehowa ƒe dziku helĩhelĩ la nu.
Ne nyawo le ɖiɖim le anyigba dzi,
ƒe sia me miese be ale, eye ƒe kemɛ me wobe ale,
ne miese ŋutasesẽ le anyigba dzi,
eye dziɖula tso ɖe dziɖula ŋu la,
dzi megaɖe le mia ƒo alo miavɔ̃ o.
Elabena ɣeyiɣi li gbɔna, esi mahe to
na Babilonia legbawo godoo
eye ŋukpe alé eƒe anyigba blibo la
ale be eƒe Ame tsiaʋawo akaka ɖe anyigba blibo la dzi.
Ekema dziƒo kple emenuwo
kple anyigba kple edzinuwo katã ado ɣli
kple dzidzɔ ɖe Babilonia ŋu,
elabena nugblẽlawo atso anyiehe ava ƒo ɖe edzi.”
Yehowae gblɔe.
“Abe ale si Israel kple anyigba bubuwo dzi
tɔwo tsi aʋae le Babilonia ta ene la,
nenema wòle na eya hã be wòamu adze anyi.
Mi ame siwo si le yi nu, midzo, migatɔ ɖi o!
Miɖo ŋku Yehowa dzi le didiƒenyigba dzi
eye mibu Yerusalem ŋu.”
“Wodo ŋukpe mí elabena wodzu mí
eye ŋukpe tsyɔ míaƒe mowo,
elabena amedzrowo ge ɖe Yehowa
ƒe gbedoxɔ la ƒe teƒe kɔkɔewo.”
Yehowa be,
“Gake ŋkekewo li gbɔna esi mahe to na
eƒe legbawo eye abixɔlawo anɔ ŋeŋem le
eƒe anyigba blibo la dzi.
Ne Babilonia kɔ yi ɖatɔ dziŋgɔli,
eye wòglã eƒe mɔ kɔkɔwo gɔ̃ hã la,
madɔ nugblẽlawo ɖe eŋu.”
Yehowae gblɔe.
“Avi le ɖiɖim tso Babilonia,
gbegblẽ ƒe ɣli gã aɖe le ɖiɖim
tso Babiloniatɔwo ƒe anyigba dzi.
Yehowa atsrɔ̃ Babilonia, eye wòatsi eƒe hoowɔwɔ nu.
Abe ale si ƒutsotsoewo ɖea gbee
ne ƒu dze agbo ene la,
nenema futɔwo ƒe gbe aɖii ne wova ƒo ɖe edzi.
Nugblẽla aɖe ava ƒo ɖe Babilonia dzi eye wòalé eƒe kalẽtɔwo,
ahaŋe woƒe dawo elabena Mawu,
nuteƒeɖolae nye Yehowa,
aɖo eteƒe na wo wòade pɛpɛpɛ.
Mana woƒe dɔnunɔlawo kple woƒe nunyalawo namu aha,
nenema kee nye woƒe dziɖulawo,
dudɔnunɔlawo kple kalẽtɔwo siaa;
woadɔ alɔ̃ tegbee eye womaganyɔ gbeɖe o.”
Fia si ŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi:
“Woagbã Babilonia ƒe glikpɔ sesẽ la gudugudu
eye woatɔ dzo eƒe agbo kɔkɔ la,
emenɔlawo ka hiã wo ɖokuiwo yakatsyɔ
eye dukɔwo ƒe agbagbadzedze zu
ami si kɔm wole ɖe dzoa me.”
Esia nye gbedeasi si Yeremia tsɔ na dɔnunɔlagã Seraya, Neria ƒe vi, Mahseya ƒe vi, esi wòyi ɖe Babilonia kple Yuda fia Zedekia, le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me. Yeremia ŋlɔ gbegblẽ siwo katã ava Babilonia dzi la ɖe lãgbalẽ dzi eye wonye nyaŋlɔɖiwo tso Babilonia ŋuti. Egblɔ na Seraya be, “Kpɔ egbɔ be yexlẽ nya siawo kple ɣli ne mieva ɖo Babilonia. Emegbe nàgblɔ be, ‘O Yehowa, ègblɔ be yele teƒe sia tsrɔ̃ ge ale gbegbe be amegbetɔwo alo lãwo manɔ anyi o; azu aƒedo tegbetegbee.’ Ne èxlẽ lãgbalẽ sia me nyawo vɔ la, tsɔ kpe bla ɖe lãgbalẽ la ŋuti eye nàtsɔe aƒu gbe ɖe Frat tɔsisi la me. Ekema nàgblɔ be, ‘Alea Babilonia adze toe eye magaho ɖe dzi akpɔ o, le gbegblẽ si mahe va edzii la ta. Eƒe amewo hã atsi aʋa.’ ”
Yeremia ƒe nyawo wu nu ɖe afii.
Yerusalem ƒe gbegblẽ
Zedekia xɔ ƒe blaeve-vɔ-ɖekɛ esi wòzu fia eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe wuiɖekɛ. Dadaa ŋkɔe nye Hamutal, Yeremia ƒe vinyɔnu eye wòtso Libna. Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume, abe ale si Yehoyakim wɔe ene. Yehowa ƒe dziku tae nu siawo katã va Yerusalem kple Yuda dzi ɖo. Eye le nuwuwu la, eɖe wo ɖa le eƒe ŋkuta.
Ke azɔ la, Zedekia dze aglã ɖe Babilonia fia ŋuti.
Ale le Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekɛlia me, le ɣleti ewolia ƒe ŋkeke ewolia dzi la, Babilonia fia, Nebukadnezar ho kple eƒe aʋakɔ blibo la ɖe Yerusalem dua ŋuti. Woƒu asaɖa anyi ɖe gli la godo eye woƒu kpo ƒo xlã du la. Woɖe to ɖe du la va se ɖe fia Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiɖekɛlia me.
Le ɣleti enelia ƒe ŋkeke asiekɛlia dzi la, dɔ si to ɖe dua me la nu sẽ ale gbegbe be nuɖuɖu aɖeke meganɔ dua me na ameawo woaɖu o. Kasia, woŋɔ gli si woɖo ƒo xlã du la eye asrafoha si le dua me la katã si dzo. Togbɔ be Babiloniatɔwo ɖe to ɖe dua hã la, wodze agbagba si le zãtitina to agbo si le gli eveawo dome eye wòte ɖe fia ƒe amabɔ ŋuti la me. Ale woɖo ta Araba gbegbe gake Babilonia ƒe aʋakɔ la ti Fia Zedekia yome eye wòva tui le Yeriko tagba. Woma eya kple eƒe asrafowo dome eye asrafoawo kaka gbẽe. Ke wolé eya ŋutɔ. Wokplɔe yi na Babilonia fia le Ribla, le Hamatnyigba dzi, afi si wòbu fɔe le.
Le Ribla la, Babilonia fia wu Zedekia ƒe viwo katã le eŋkume, hekpe ɖe Yuda ƒe dumegãwo ŋu. Emegbe Babilonia fia gbã Zedekia ƒe ŋkuwo heblae kple akɔblikɔsɔkɔsɔ eye wòkplɔe yi Babilonia afi si wòdee gaxɔ me ɖo va se ɖe eƒe kugbe.
Le ɣleti atɔ̃lia ƒe ŋkeke ewoa gbe, le fia Nebukadnezar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiasiekɛlia me la, Nebuzaradan, aʋafia si wɔ dɔ le Babilonia fia te la va Yerusalem. Etɔ dzo Yehowa ƒe gbedoxɔ, fiasã la kple aƒe siwo le Yerusalem. Vavã, etɔ dzo aƒe vevi ɖe sia ɖe. Babiloniatɔwo ƒe aʋakɔ blibo si le aʋafia la ƒe kpɔkplɔ te la gbã Yerusalem ƒe gliwo katã keŋkeŋ. Aʋafia, Nebuzaradan kplɔ ame dahewo, ame siwo susɔ ɖe dua me kple aɖaŋudɔwɔlawo kple ame siwo si Babilonia fia tso la yi aboyo mee. Gake Nebuzaradan gblẽ anyigba la ƒe ame dahewo ɖi be woawɔ dɔ le waingblewo kple agble bubuwo dzi.
Babiloniatɔwo gbã akɔblisɔti, akɔblizɔ kple woƒe anyinɔwo le Yehowa ƒe gbedoxɔ me eye wolɔ akɔbliawo katã yi Babilonia. Wotsɔ zɔwo, sofiwo, akaɖiɖovusẽhɛ, treawo, agbawo kple akɔblinu siwo ŋu dɔ wowɔna le subɔsubɔ me le gbedoxɔ me la hã dzoe. Fiaŋusrafowo ƒe tatɔ la tsɔ gagbawo, dzoɖesonuwo, trewo, zewo, akaɖitiwo, nuɖugbawo kple gagba siwo ŋu dɔ wowɔna le nunovɔsa me la hã dzoe, nu siwo wowɔ kple sika nyuitɔ alo klosalo.
Akɔbli si woɖe le akɔblisɔti eveawo, gazɔwo kple akɔblinyitsu wuieve siwo le wo te kple eƒe afɔtiwo ŋuti, siwo fia Solomo wɔ na Yehowa ƒe gbedoxɔ, nu siawo katã ƒe akɔbli mele dada me o. Sɔti ɖe sia ɖe kɔkɔ “mita” asiekɛ, eye wòkeke “mita” ade, ɖe sia ɖe ƒe titrime anye asibidɛ ene eye do le wo me. Wotsɔ akɔbli wɔ kukuvi ɖe sɔti ɖe sia ɖe tame, kukuvi ɖe sia ɖe ƒe kɔkɔme nye “mita” eve kple afã. Wolɔ̃ ɖɔ tɔxɛ aɖe tsɔ do atsiã na kukuviawo godoo va kpe eye nenema ke wotsɔ akɔbli wɔ nu si woyɔna be yevuboɖa la ɖe kukuviawo ŋuti godoo va kpe ɖe atsiã tɔxɛ me. Nɔnɔme sia tɔgbi ke mee wowɔ sɔti evelia hã ɖo. Yevuboɖa blaasiekɛ-vɔ-ade le axawo dzi, eye esiwo katã wolɔ̃ ƒo xlã sɔtiawo la le alafa ɖeka.
Aʋafia la ɖe aboyo nunɔlagã Seraya, eƒe kpeɖeŋutɔ, Zefania kple agbonudzɔla etɔ̃awo. Ekplɔ asrafo siwo gale aʋa wɔm la ƒe amegã kple fia ƒe aɖaŋuɖola adre, le ame siwo gasusɔ ɖe dua me la dome dzoe. Egakplɔ agbalẽŋlɔla si nye dɔnunɔlagã si dia amewo dea asrafodɔ me kple eŋutime blaade siwo ŋu wòke ɖo le dua me la hã dzoe. Aʋafia Nebuzaradan kplɔ wo yi na Babilonia fia le Ribla. Le Ribla, le Hamatnyigba dzi, afi ma fia la na wowu wo ɖo.
Ale Yuda yi aboyo me, hedzo le eƒe denyigba dzi.
Esia nye ame siwo Nebukadnezar kplɔ yi aboyo mee la ƒe xexlẽme:
Le eƒe ƒe adrelia me,
Yudatɔwo, ame akpe etɔ̃ kple blaeve-vɔ-etɔ̃ (3,023);
Le Nebukadnezar ƒe ƒe wuienyilia me,
Yerusalemtɔ alafa enyi kple blaetɔ̃-vɔ-eve (832);
Le eƒe ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃lia me,
Yudatɔ alafa adre blaene-vɔ-atɔ̃ (745), ame siwo aʋafia Nebuzaradan kplɔ dzoe.
Aboyomeyilawo katã le ame akpe ane, alafa ade (4,600).
Woɖe asi le Yehoyatsin ŋu
Le Yuda fia, Yehoyatsin ƒe aboyomenɔnɔ ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-adrelia me, le ƒe si me Evil Merodak zu fia le Babilonia la, eɖe Yuda fia Yehoyatsin tso gaxɔ me le ɣleti wuievelia ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-atɔ̃lia dzi. Eƒo nu nɛ lɔlɔ̃tɔe eye wòna bubuteƒe si kɔ wu fia siwo katã li kpli le Babilonia la tɔ. Ale Yehoyatsin ɖe eƒe gaxɔmewu da ɖi, heɖu nu le fia ƒe kplɔ̃ ŋu le eƒe agbemeŋkekewo katã me. Babilonia fia naa Yehoyatsin ƒe gbe sia gbe nuhiahiãwoe le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me va se ɖe eƒe kugbe.