- Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020
Yesaya
Yesaya ƒe agbalẽ
Yesaya
Yes
Yesaya
ƒe agbalẽ
Esiawoe nye gbedeasi siwo Yesaya, Amoz ƒe vi, xɔ tso Yehowa gbɔ le ŋutega me, tso nu siwo ava dzɔ ɖe Yuda kple Yerusalem dzi la ŋuti. Exɔ gbedeasi siawo le Yuda fiawo, Uzia, Yotam, Ahaz kple Hezekia ŋɔli.
Dukɔ dzeaglã la
O! Dziƒo kple anyigba,
miɖo to miase nya si gblɔm Yehowa le.
Yehowa be:
“Ɖevi siwo menyi hekplɔ wo
kple beléle la dze aglã ɖe ŋunye.
Nyitsu nyaa eƒe aƒetɔ,
eye tedzi nyaa eƒe nuɖuƒe,
ke Israel menyam o,
eye nye amewo mese nye nyawo gɔme o.”
O! Dukɔ si wɔ nu vɔ̃,
ame siwo dzi nu vɔ̃ do agba ɖo,
nu vɔ̃ɖi wɔlawo ƒe dzidzimeviwo,
vi siwo nye nu tovo wɔlawo,
wogbe nu le Yehowa gbɔ,
wodo ŋunyɔ Israel ƒe kɔkɔetɔ la,
eye wotrɔ megbe dee.
Nu ka ta miedi be woanɔ mia ƒoƒo dzi?
Nu ka ta miegale aglãdzedze dzi?
Miaƒe ta katã xɔ abi,
eye miaƒe dzi katã hã xɔ abi.
Tso miaƒe afɔƒome va se ɖe miaƒe dzodome la,
teƒe nyui aɖeke meli o, negbe abiwo,
dodrowo, abi mumu siwo womeklɔ
haɖe o alo ɖo amii loo
alo bla o la koe li.
Miaƒe anyigba zu gbegbe,
wotɔ dzo miaƒe duwo le miawo ŋutɔ ƒe ŋkume,
du bubu me tɔwo va ha miaƒe agblemenukuwo,
eye wogblẽ miaƒe anyigba
abe ale si amedzrowo wɔna ene.
Zion nyɔnuvi tsi akogo abe agbadɔ si
le waingble me ene,
abe agblexɔe le dzamatregble me ene,
eye abe du si ŋu futɔwo ɖe to ɖo ene.
Ɖe menye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ ye kpɔtɔ ame ʋɛ aɖewo ɖi na mi o la,
anye ne woatsrɔ̃ Yudatɔwo katã,
abe ale si wotsrɔ̃ ame sia ame
le Sodom kple Gomora ene.
Mise Yehowa ƒe nya,
mi Sodom dziɖulawo,
milé fɔ ɖe míaƒe Mawu la ƒe se la ŋu,
mi Gomoratɔwo!
“Miaƒe vɔsa gbogboawo ɖe,
nu ka wonye nam?” Yehowae gblɔe.
“Miaƒe numevɔsa siwo miewɔna
kple agbowo kple lã damiwo ƒe ami la,
wu tsɔtsɔ nam.
Nyitsuwo, alẽwo kple gbɔ̃wo
ƒe ʋu medoa dzidzɔ nam o.
Ne miedo ɖe nye ŋkume la,
ame kae bia esia tso mia si be,
mianɔ afɔɖi ƒom nye xɔxɔnuwo?
Midzudzɔ vɔsa gbɔlo siawo tsɔtsɔ vɛ!
Miaƒe dzudzɔʋeʋĩwo dodo
medoa dzidzɔ nam o.
Nyemate ŋu atsɔ miaƒe takpekpe vɔ̃ɖi
siwo nye dzinu yeyewo,
Dzudzɔgbewo kple gbeƒãɖeɖe takpegbewo o.
Melé fu miaƒe dzinu yeye ŋkekenyuiwo
kple ŋkekenyui bubuawo.
Wozu agba nam, eye nu ti kɔ nam le wo tsɔtsɔ me.
Ne miele gbe dom ɖa,
keke miaƒe abɔwo me la,
maɣla nye ŋkume ɖe mi,
eye ne mieli kɔ gbedodoɖa gleglegle hã la,
nyemaɖo to mi o,
elabena miaƒe asiwo ƒo ʋu.
“Mile tsi ne mia ŋuti nakɔ.
Miɖe miaƒe nu vɔ̃ɖiwo ɖa le nye ŋkume!
Midzudzɔ vɔ̃wɔwɔ,
ne miasrɔ̃ nyuiwɔwɔ!
Midi nuteƒewɔwɔ, eye mide dzi ƒo na
ame siwo wote ɖe anyi.
Miʋli tsyɔ̃eviwo ta,
eye miaxɔ nya ɖe ahosiwo nu.
“Miva, mina míade ŋugble ɖekae,”
Yehowa gblɔe.
“Togbɔ be miaƒe nu vɔ̃wo biã
abe nyagãdzĩ ene hã la,
woafu abe ɖetifu ene.
Ne wobiã abe ʋu ene hã la,
woafu abe alẽfu ɣi ene.
Ne mielɔ̃, eye mieɖo to la,
miaɖu anyigba la ƒe nu nyuitɔwo.
Ke ne miesẽ to, dze aglã la, yi atsrɔ̃ mi.”
Elabena Yehowa ƒe nue gblɔe.
Tsã la, wokpɔa nuteƒewɔwɔ
kple dzɔdzɔenyenye le eme,
ezu hlɔ̃dolawo ƒe du.
Tsã la, klosalo si le keklẽm la wònye,
ke azɔ la, elé ɣebia eye wòzu abe wain nyuitɔ si wotɔ tsii ene.
Wò dumegãwo zu aglãdzelawo
kple fiafiwo xɔlɔ̃,
wolɔ̃a zãnuxɔxɔ, eye wotia nunanawo yome.
Womeʋlia tsyɔ̃eviwo ta o,
eye ahosiwo ƒe nya medzɔna le woƒe ʋɔnu o.
Eya ta ale Aƒetɔ,
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ,
Israel ƒe Ŋusẽtɔ la gblɔe nye esi.
“O! Makpɔ gbɔɖeme tso nye ketɔwo ƒe asi me,
eye mabia hlɔ̃ nye futɔwo.
Matrɔ atsi tsitre ɖe mia ŋu,
atsra mia me, eye maɖe nu kuklui
siwo nye ɖiƒoƒo la ɖa le mia me.
Emegbe la, maɖo ʋɔnudrɔ̃lawo na mi
abe tsã ene, eye mana aɖaŋudelawo mi
abe ale si wònɔ le gɔmedzedzea me ene.
Emegbe la, woayɔ mi be Dzɔdzɔenyenye
kple Nuteƒewɔwɔ ƒe Du.”
Woaɖe Zion kple afia nyui tsotso,
eye woaɖe eƒe dzimetrɔlawo kple dzɔdzɔenyenye.
Ke woagbã aglãdzelawo
kple nu vɔ̃ wɔlawo siaa gudugudu,
eye woatsrɔ̃ ame siwo gbe nu le Yehowa gbɔ.
“Ŋu akpe mi le logoti siwo ŋu
miekpɔa dzidzɔ le la ŋu;
woade ŋukpe mo na mi le
abɔ siwo mielɔ̃na la ta.
Miazu abe logoti aɖe si ƒe aŋgbawo yrɔ
kple abɔ si me tsi aɖeke mele o la ene.
Ame sesẽ la azu gbe ƒuƒu,
eƒe dɔwɔwɔ azu dzoxi,
wo ame eve la woabi,
eye ame aɖeke mate ŋu atsii o.”
Yehowa ƒe to la
Esiae nye gbedeasi bubu si Yesaya, Amoz ƒe vi la, xɔ tso Yehowa gbɔ, tso Yuda kple Yerusalem ŋuti.
Le ŋkeke mamlɛawo me la,
woaɖo Yehowa ƒe gbedoxɔ la
gɔme anyi ɖe eƒe to la dzi,
be wòanye to si aƒo towo katã ta,
woakɔe ɖe dzi wòagbɔ togbɛwo katã ta,
eye xexemedukɔwo katã aƒo zi ɖe eŋu.
Ame geɖewo ava agblɔ be,
“Miva míayi Yehowa ƒe to la dzi,
míage ɖe Yakob ƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ la me;
afia eƒe mɔwo mí be míazɔ le eƒe mɔwo dzi.”
Nufiame atso Zion ava,
eye Yehowa ƒe nya atso Yerusalem ava.
Adrɔ̃ ʋɔnu le dukɔwo dome,
eye wòadzra ame geɖewo dome ɖo.
Woatsɔ woƒe aʋawɔyiwo atu kodzoewoe,
eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ̃ gobɛwoe.
Dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu
alo axɔ hehe na aʋawɔwɔ o.
O! Yakob ƒe aƒe,
na miazɔ le Yehowa ƒe kekeli me.
Yehowa ƒe ŋkeke
Ègbe nu le wò amewo,
Yakob ƒe aƒe gbɔ, elabena woyɔ fũu
kple ɣedzeƒetɔwo ƒe subɔsubɔwo.
Wokaa afã abe Filistitɔwo ene,
eye wokpea asi ɖe trɔ̃subɔlawo ŋu
le woƒe subɔsubɔwo me.
Woƒe anyigba dzi yɔ fũu kple klosalo kple sika,
eye seɖoƒe meli na woƒe kesinɔnuwo o.
Sɔwo bɔ ɖe woƒe anyigba dzi,
eye seɖoƒe meli na woƒe tasiaɖamwo o.
Woƒe anyigba dzi yɔ fũu kple legbawo,
wodea ta agu na woawo ŋutɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo,
eye wodzea klo na nu siwo woƒe asibidɛwo wɔ,
eya ta woaɖiɖi ame ɖe anyi
eye woabɔbɔ amegbetɔƒomea ɖe anyi,
mègatsɔe ke wo o.
Miyi ɖe ŋɔdzigadowo me,
mibe ɖe anyigba ƒe tume tso
Yehowa ƒe ŋɔdzi kple eƒe gãnyenye
ƒe ŋutikɔkɔe gbɔ!
Woaɖiɖi ŋkugãtolawo katã ɖe anyi,
eye woabɔbɔ dadalawo katã ɖe anyi.
Gbe ma gbe la,
Yehowa ɖeka ko woado ɖe dzi.
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,
ɖo ŋkeke ɖi na dadalawo kple ɖokuiŋudzelawo
kple nu siwo katã wodo ɖe dzi la
(elabena woabɔbɔ wo ɖe anyi).
Woabɔbɔ Lebanon ƒe sedati kɔkɔ tsralawo
kple Basan ƒe logotiwo ɖe anyi.
Woabɔbɔ to kɔkɔwo
kple tɔgbɛ kɔkɔwo katã ɖe anyi;
woabɔbɔ gbetakpɔxɔ kɔkɔwo
kple gli sesẽwo ɖe anyi,
eye woabɔbɔ Tarsis ƒe asitsameliwo
kple tɔdziʋu gãwo katã ɖe anyi.
Woabɔbɔ amewo ƒe ɖokuidodoɖedzi
kple dada ɖe anyi.
Yehowa ɖeka ko woado ɖe dzi gbe ma gbe,
eye woaɖe legbawo katã ɖa keŋkeŋ.
Ne Yehowa tso be yeaʋuʋu anyigba la,
amewo asi age ɖe agadowo me le kpewo tome
kple dowo me le anyigba ƒe tume,
le eƒe ŋɔdzi kple eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ ta.
Le ŋkeke ma dzi la,
amewo atsɔ woƒe klosalolegba
kple sikalegba siwo wosubɔna la
aƒu gbe na alegeliwo kple agutɔwo.
Woasi ayi ɖe agadowo kple kpewo tome
kpakple agakpe kɔkɔwo tame be
woasi le Yehowa ƒe ŋɔdzi
kple eƒe ŋutikɔkɔe ƒe atsyɔ̃nu,
ne etso be yeaʋuʋu anyigba.
Amegbetɔ nye nu gblɔe:
ele gblɔe abe eƒe gbɔgbɔ si
le ŋɔtime nɛ ene!
Nu ka ta nàtsɔ wò mɔkpɔkpɔ ada ɖe edzi?
Ʋɔnudɔdrɔ̃ Yerusalem kple Yuda
Kpɔ ɖa, Aƒetɔ Yehowa,
Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ,
aɖo asi Yerusalem kple Yuda ƒe nuɖuɖu
kple tsi ƒe kpɔtsoƒewo kple dzikpɔkpɔ dzi.
Aɖo asi nuɖuɖu kple tsinono
siwo katã wònaa wo la dzi.
Aɖo asi eƒe kalẽtɔwo kple aʋawɔlawo,
ʋɔnudrɔ̃lawo kple nyagblɔɖilawo,
afakalawo kple dumegãwo,
ame blaatɔ̃wo: ƒe amegãwo,
amegã bubuwo, aɖaŋudelawo,
aɖaŋudɔwɔlawo kple gbesalawo dzi.
Matsɔ ɖeviwo awɔ woƒe amegãwoe,
eye ɖevi suewo anye wo dzi ɖulawo.
Amewo ate wo nɔewo ɖe to,
ŋutsu atso ɖe ŋutsu ŋu,
aƒelika ɖe aƒelika ŋu,
sɔhɛwo atso ɖe ame tsitsiwo ŋu,
eye yakamewo atso ɖe bubumewo ŋu.
Ŋutsu alé nɔvia ŋutsu le fofoa ƒe aƒe me agblɔ be,
“Wò ya avɔ le ŋuwò,
nye mia kplɔla ne nàkpɔ aƒe gbagbã sia dzi.”
Le ŋkeke ma me la, aɖo eŋu na wo be,
“Ŋutete mele ŋunye o,
nuɖuɖu alo nutata mele nye aƒe me o,
eya ta migawɔm ame siawo kplɔlae o.”
Yerusalem le mumum sɔgɔsɔgɔ,
Yuda le anyi dzem.
Woƒe nyawo kple woƒe nuwɔwɔ tsi tsitre ɖe Yehowa ŋu.
Wogbe eƒe ŋutikɔkɔe ƒe amegbɔnɔnɔ.
Woɖe woƒe nu vɔ̃wo ɖe go abe Sodom ene,
eye womeɣla wo o.
Baba na wo!
Wohe gbegblẽ va wo ɖokuiwo dzi.
Gblɔe na dzɔdzɔetɔwo be nuwo adze edzi na wo,
elabena woaɖu woƒe nuwɔnawo ƒe kutsetsewo.
Baba na ame vɔ̃ɖiwo, gbegblẽ ava wo dzi.
Woaxe nu siwo woƒe asiwo wɔ la ƒe fetu na wo.
Sɔhɛwo te nye amewo ɖe to,
eye nyɔnuwo nye woƒe dziɖulawo.
O! Nye amewo, mia kplɔlawo kplɔ mi trae,
wote mi ɖa le mɔ la dzi.
Yehowa nɔ anyi ɖe enɔƒe le ʋɔnu.
Etso be wòadrɔ̃ ʋɔnu ameawo.
Yehowa bu fɔ eƒe amewo,
eƒe dumegãwo kple kplɔlawo be,
“Miawoe tsrɔ̃ nye waingble.
Mieli kɔ nu siwo mieha le
ame dahewo si la ɖe miaƒe aƒewo me.
Nu ka gblɔm miele esi miegbã nye amewo,
eye mieto mo na ame dahewo nyanyanya?”
Aƒetɔ, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
“Zion nyɔnuwo dana,
wolia kɔ ganɛ hafi nɔa zɔzɔm.
Woɖoa ahĩamo, nɔa zɔzɔm,
nɔa ble nyem xatsɛxatsɛ, eye gavi siwo le
woƒe afɔkɔe la nɔa ɖiɖim gliŋgliŋgliŋ.
Eya ta Aƒetɔ Yehowa ana be Zion nyɔnuwo ƒe ta nabebe kple abi,
Yehowa ana be ta nakpa na wo.”
Le ŋkeke ma dzi la, Aƒetɔ aɖe woƒe atsyɔ̃ɖonuwo ɖa le wo ŋu: aɖe alɔnugɛwo, tablanuwo, kɔga nyuiwo, aɖe togɛwo, alɔnugɛwo kple motsyɔnuwo ɖa. Aɖe tablanuwo, klodzonuwo, dɔmeblanuwo, amiʋeʋĩtukpawo, sebewo, ŋkɔsigɛwo kple ŋɔtigɛwo ɖa. Aɖe awu ʋlaya nyuiwo, kukuwo, vuvɔmewuwo, akplowo; ahuhɔ̃ewo, aklala biɖibiɖi ƒe awuwo, agowuwo kple sedawuwo ɖa.
Be woanɔ ʋeʋẽm lĩlĩlĩ teƒe la, woaʋẽ kũu;
adagbika axɔ ɖe alidziblanu nyui teƒe,
tabebe axɔ ɖe ɖa ŋɔŋɔe ƒoƒo teƒe,
akpanyatata axɔ ɖe awu ʋlaya, nyui teƒe,
eye ŋutilãléayi axɔ ɖe ŋutilã zɔzrɔ̃e teƒe.
Wò ŋutsuwo atsi yi nu,
eye wò aʋawɔlawo atsi aʋa.
Zion ƒe agbowo afa konyi, afa avi,
anɔ anyi ɖe anyigba abe wɔnamanɔŋutɔ ene.
Gbe ma gbe la, nyɔnu adre
aku ɖe ŋutsu ɖeka ŋu
ahagblɔ be, “Míaɖu míawo ŋutɔ ƒe nu,
eye míatso avɔ na mía ɖokuiwo.
Na woayɔ wò ŋkɔ ɖe mía ŋu ko,
nàɖe míaƒe ŋukpe ɖa.”
Yehowa ƒe Atilɔ
Gbe ma gbe la, Yehowa ƒe Atilɔ anya kpɔ, eye ŋutikɔkɔe anɔ eŋu. Anyigba ƒe kutsetse anye dada kple ŋutikɔkɔe na ame siwo susɔ ɖe Israel. Ame siwo susɔ ɖe Zion, ame siwo tsi Yerusalem la, woayɔ wo be kɔkɔe, ame siwo katã ƒe ŋkɔ woŋlɔ ɖe agbagbeawo dome le Yerusalem. Aƒetɔ la aklɔ ɖiƒoƒo ɖa le Zion nyɔnuwo ŋu. Aklɔ ʋu si kɔ ɖe Yerusalem la ɖa kple nuteƒewɔwɔ ƒe gbɔgbɔ kple dzo ƒe gbɔgbɔ. Ekema Yehowa ana lilikpo nado ɖe Zion to blibo la kple ame siwo katã ƒo ƒu ɖe afi ma kple dzudzɔ la dzi le ŋkeke me, eye le zã me la, anye dzo bibi, eye ŋutikɔkɔe anye agbadɔ. Woanye vɔvɔli na anyigba le ŋkeke me kple bebeƒe le tsidzadza kple ahomwo me.
Hadzidzi tso Aƒetɔ la ƒe waingble ŋu
Azɔ mele ha dzi ge na nye lɔlɔ̃tɔ tso
eƒe waingble ŋuti.
Waingble aɖe le nye lɔlɔ̃tɔ si le togbɛ
si nyoa nuku la dzi.
Edzobo eme heɖe kpewo le eme,
eye wòdo wainka nyuitɔwo ɖe eme.
Etu gbetakpɔxɔ ɖe agble la titina,
eye wòtu wainfiaƒe hã ɖe afi ma.
Ele mɔ kpɔm na waintsetse nyuiwo,
gake wotse wain vevewo.
“Azɔ, Yerusalem ŋutsuwo kple Yuda ŋutsuwo,
miese ale si nya la katã va yii,
eya ta midrɔ̃ ʋɔnu le nye
kple nye waingble la dome.
Nu ka wòle be mawɔ na nye waingble la
esi nyemewɔ nɛ o?
Ekema nu ka ta mele mɔ kpɔm na waintsetse nyuiwo,
gake wain vevewo ko wòtse?
Azɔ magblɔ nu si wɔ ge mala
nye waingble la na mi.
Magbã kpɔ ɖa le eŋuti, eye lãwo aɖui.
Magbã gli le eŋu ne amewo nafanyae.
Mawɔe wòazu gbegbe,
womake eƒe alɔwo alo aga eme o,
eye ŋuwo kple aŋɔkawo amie ɖe afi ma.
Made se na lilikpowo be
womagadza tsi ɖe edzi azɔ o.”
Israel ƒe aƒee nye Yehowa,
Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,
ƒe waingble, eye Yuda ŋutsuwoe nye
eƒe dzidzɔ ƒe wainka siwo wòdo.
Ekpɔ mɔ na afia nyui tsotso,
ke ʋukɔkɔɖi wòkpɔ;
ekpɔ mɔ na nu dzɔdzɔe wɔwɔ,
ke konyifavi koe ɖi.
Konyifafa kple ʋɔnudɔdrɔ̃wo
Baba na mi ame siwo le xɔ tsiam ɖe xɔ nu,
eye wole agble tsiam ɖe agble nu be
teƒe aɖeke megasusɔ o,
be woawo ɖeɖe naxɔ anyigba la dzi!
Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,
ka atam mese kple nye towo,
“Ne xɔ gãwo mezu gbegbe,
eye dziƒoxɔ gãwo mezu aƒedowo o fĩi!
Woakpɔ wain adzafi ɖeka
kple afã pɛ ko le waingble agbleka ewo sɔŋ me,
eye ne woƒã bli agba ɖeka la, bli kotoku ɖeka pɛ
ko woakpɔ le eme.”
Baba na mi, ame siwo fɔna fɔŋli henɔa ho ʋlim
le aha muame nono me,
eye mienɔa wain yome va se ɖe zãtiƒe,
eye wòmua mi tsiɖitsiɖi.
Kasaŋkuwo kple saŋkuwo ɖina
le miaƒe kplɔ̃ɖoƒewo, axatsɛwo,
kpẽwo kple wain bɔna ɖe eŋu,
gake wometsɔ ɖeke le eme na Yehowa ƒe
dɔwɔwɔwo alo ade bubu eƒe asinudɔwɔwɔwo ŋu o.
Eya ta nye amewo ayi ɖe aboyome le nugɔmemasemase ta;
dɔwuame awu woƒe ame ŋkutawo,
eye tsikɔ awu ame haho la.
Eya ta nuɖuɖu le yɔdo dzrom vevie,
eye wòke eƒe nu ɖi baa,
eya ta Yerusalem ƒe ame ŋkutawo
kple ame hahoawo age dze eme
kple woƒe dzidzɔkpɔkpɔwo
kple aglotutuwo katã.
Ale woaɖiɖi ame ɖe anyi,
woabɔbɔ amegbetɔƒomea ɖe anyi,
eye woate dadalawo ƒe ŋku ɖe to.
Ke woado Yehowa,
Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la
ɖe dzi le eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ me,
eye Mawu Kɔkɔe la aɖe
eƒe kɔkɔenyenye afia to
eƒe dzɔdzɔenyenye me.
Ekema alẽwo aɖu gbe abe woawo ŋutɔ
ƒe lãnyiƒee wole ene;
eye alẽviwo aɖu nu le kesinɔtɔwo ƒe aƒedowo me.
Baba na ame siwo tsɔ beble
ƒe kawo de dzidada le hehem,
eye wode kekehekawo nu vɔ̃ hele hehem,
ame siwo gblɔna be “Mawu newɔ kaba.
Nedo tsɔtsɔe eƒe dɔ be miakpɔe;
Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe aɖaŋudede
neva kaba ne mianyae.”
Baba na ame siwo yɔ vɔ̃ be nyui,
eye woyɔ nyui be vɔ̃,
ame siwo tsɔ viviti ɖɔli kekeli,
eye wotsɔ kekeli ɖɔli viviti.
Ame siwo yɔa veve be vivi,
eye woyɔa vivi be veve.
Baba na ame siwo bua wo ɖokuiwo nunyalawoe,
eye wonye aɖaŋudelawo
le woawo ŋutɔ ɖokuiwo gbɔ.
Baba na ame siwo nye kalẽawo le wain gã nono me,
eye wonye dziɖulawo le ahamuamewo tɔtɔ me,
ame siwo xɔa zãnu, eye wotsoa afia ŋkunɔ na agɔdzelawo;
ke ame siwo ƒe nya dzɔ la, wodea wo nya me.
Eya ta abe ale si dzo ƒe aɖe fiaa bee,
eye gbe ƒuƒu bina le dzo me ene la,
nenema kee woƒe kewo anyunyɔ,
eye ya aƒo woƒe seƒoƒowo adzoe abe ʋuʋudedi ene,
elabena wogbe Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la
ƒe nufiame, eye woɖe alɔme
le Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe nyawo ŋu,
Eya ta Yehowa ƒe dziku bi ɖe eƒe amewo ŋu.
Ekɔ eƒe alɔ dzi, eye wòƒo wo ƒu anyi.
Towo ʋuʋu kpekpekpe, eye ŋutilã kukuwo le abe
gbeɖuɖɔ le aɖukpo dzi ene.
To esiawo katã gbɔ hã la, eƒe dziku nu mefa o,
eƒe alɔ gale dzi ko.
Ekɔ aflaga dzi na didiƒe dukɔwo, eye wòlia aku na
ame siwo le anyigba ƒe mlɔenuwo ke.
Kpɔ ɖa, wova kaba kple du!
Ɖeɖi mete wo dometɔ aɖeke ŋu
alo nu nati kɔ nɛ o.
Ɖeka pɛ hã medɔ akɔlɔ̃e alo dɔ alɔ̃ o.
Alidziblanu metu le ɖeke ƒe ali o,
eye tokota metso le ɖeke ƒe afɔ o.
Woƒe datiwo le ɖaɖam,
eye woku woƒe dawo me.
Woƒe sɔwo ƒe afɔwo le abe dzosigbewo ene,
eye woƒe tasiaɖamwo ƒe afɔwo le abe yali ene.
Woƒe gbeɖeɖe le abe dzata tɔ ene,
eye woɖea gbe abe dzataviwo ene.
Wotea gbe heléa nu, eye wotsɔa nu si wolé la dzonae,
ame aɖeke mate ŋu axɔe le wo si o.
Gbe ma gbe la, woaɖe gbe ɖe edzi abe atsiaƒu ene.
Ne ame aɖe nye kɔ kpɔ anyigba la,
viviti kple hiã ko wòakpɔ,
eye lilikpowo gɔ̃ hã ana kekeli nado viviti.
Woɖo Yesaya nyagblɔɖilae
Le ƒe si me Fia Uzia ku la, mekpɔ Aƒetɔ la wònɔ fiazikpui nyui kɔkɔ aɖe dzi, eye eƒe awutoga yɔ gbedoxɔ la katã me. Serafi siwo aʋala ade li na la le etame. Wotsɔ aʋala eve tsyɔ ŋkume, eve tsyɔ woƒe afɔwo, eye wotsɔ eve bubu le dzodzomii. Wodo ɣli ɖo ɖe wo nɔewo gbɔ be,
“Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe nye Yehowa,
Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la;
anyigba blibo la katã yɔ fũu
kple eƒe ŋutikɔkɔe.”
Woƒe gbe ƒe ɖiɖi na be ʋɔtrutiawo kple gbedoxɔ la ƒe agunu ʋuʋu, eye dzudzɔ yɔ gbedoxɔ la me taŋ.
Eye megblɔ be, “Alele! Evɔ nam azɔ, elabena nu vɔ̃ wɔla, nuyi makɔmakɔtɔ menye, eye mele dukɔ si ƒe nuyi mekɔ o, eye wonye vɔ̃wɔlawo la dome; evɔ la, metsɔ nye ŋkuwo kpɔ Fia, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la.”
Kasia Serafiawo dometɔ ɖeka dzo yi ɖe vɔ̃samlekpui la gbɔ, eye wòtsɔ abɛ tsɔ dzoka xɔxɔ le vɔsamlekpui la dzi hedzo va gbɔnye. Etsɔ dzoka xɔxɔ la tɔ nye nuyi hegblɔ be, “Kpɔ ɖa, woɖe wò vodadawo ɖa, eye wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò, elabena dzoka sia ka wò nuyi ŋuti.”
Eye mese Aƒetɔ la ƒe gbe wòbia be, “Ame ka madɔ, eye ame ka ayi na mí?”
Meɖo eŋu be, “Aƒetɔ, nyee nye esi, dɔm!”
Egblɔ nam be,
“Yi nàgblɔ na ame siawo be,
‘Miaƒe towo ase nyawo, gake miase egɔme o.
Miaƒe ŋkuwo akpɔ nu,
gake miele si dze gee o.’
Na dukɔ sia ƒe dzi naku atri,
tu woƒe towo, eye nàmia woƒe ŋkuwo.
Ne menye nenema o la,
woava kpɔ nu kple woƒe ŋkuwo,
ase nu kple woƒe towo,
ase nu gɔme kple woƒe dziwo,
eye woatrɔ akpɔ dɔyɔyɔ.”
Eye megblɔ bena “Va se ɖe ɣe ka ɣi, O! Aƒetɔ?”
Eɖo ŋu be,
“Va se ɖe esime duwo katã zu aƒedo,
eye ame aɖeke megale wo me o.
Va se ɖe esime aƒewo katã naɖi gbɔlo,
eye anyigba la katã nazu gbegbe.
Va se ɖe esime Yehowa nya ame sia ame ɖo ɖe aboyome,
eye anyigba la katã nagblẽ keŋkeŋkeŋ.
Togbɔ be ameawo ƒe akpa ewoliawo dometɔ ɖeka
asusɔ ɖe anyigba dzi hã la,
woagana wòazu gbegbe,
gake abe ale si ne wolã logoti
kple gboti, takpoawo susɔna ene la,
nenema ke atiku kɔkɔe la azu
atitakpo ɖe anyigba la dzi.”
Imanuel ƒe dzesi
Le Yuda fia, Ahaz, Uzia ƒe vi, Yotam ƒe tɔgbuiyɔvi ŋɔli la, Siria fia Rezin kple Israel fia, Peka, Remalia ƒe vi, woho aʋa va dze Yerusalem dzi, gake womete ŋu xɔ du la o, du la gale te ko.
Azɔ wogblɔ na David ƒe aƒe la be, Siria wɔ ɖeka kple Efraim, eya ta Ahaz kple dukɔ la katã ƒe dzi ʋuʋu abe ale si ya ʋuʋua avemetiwoe ene.
Yehowa gblɔ na Yesaya be, “Wò kple viwò ŋutsu, Seya Yasub, mido go ne miakpe Ahaz le dzigbeta si le avɔnyala ƒe mɔdzi la ƒe nuwuƒe. Gblɔ nɛ be, ‘Kpɔ nyuie, lé dzi ɖe ƒo, eye mègavɔ̃ o. Dzi megaɖe le ƒo wò le dzoti takpo eve siawo, Rezin kple Siria kpakple Remalia ƒe vi ƒe dziku sesẽ la ta o. Siria, Efraim kple Remalia ƒe vi woɖo nugbe ɖe wò gbegblẽ ŋu be, “Mina míadze Yuda dzi; mina míavuvui, míamae ɖe mía ɖokuiwo dome, eye míatsɔ Tabel ƒe vi aɖo fiae ɖe enu.” Gake ale Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi:
“ ‘Madze edzi o,
mava eme o,
elabena Siria ƒe tae nye Damasko,
eye Damasko ƒe tae nye Rezin.
Le ƒe blaade-vɔ-atɔ̃ la me,
woagbã Efraim gudugudu,
ale womaganɔ te o.
Efraim ƒe tae nye Samaria,
eye Samaria ƒe tae nye Remalia ƒe viŋutsu.
Ne mienɔ te sesĩe le xɔse me o la,
ekema mianɔ te hã o.’ ”
Yehowa gaƒo nu na Ahaz be, “Bia dzesi Yehowa, wò Mawu la. Eɖanye gogloƒe ke loo alo kɔkɔƒe ke o.”
Ke Ahaz ɖo eŋu nɛ be, “Nyemabia o; nyemado Yehowa akpɔ o.”
Tete Yesaya gblɔ be “Azɔ la, David ƒe aƒe, see. Ɖe mesɔ gbɔ be miado amegbetɔ ƒe dzigbɔɖi akpɔ oa? Ɖe miado nye Mawu hã ƒe dzigbɔɖi akpɔa? Eya ta Aƒetɔ la ŋutɔ ana dzesi mi. Ɖetugbi si menya ŋutsu kpɔ o la afɔ fu, eye wòadzi ŋutsuvi, ana ŋkɔe be Imanuel. Ano nyinotsi babla kple anyitsi va se ɖe esime wòanya ale si wòade vovototo nyui kple vɔ̃ dome, gake hafi ɖevi la nanya ale si wòade vovototo nyui kple vɔ̃ domee la, fia eve siwo mievɔ̃na na vevie la ƒe anyigba azu gbegbe. Yehowa ana be ŋɔdzinu si tɔgbi medzɔ kpɔ tso keke esime Efraim ma ɖa tso Yuda gbɔ o la nadzɔ ɖe wò kple wò amewo kple fofowò ƒe aƒe dzi. Akplɔ Asiria fia aƒu wò.”
Gbe ma gbe la, Yehowa alia aku ayɔ nudzodzoewo tso Egipte tɔʋuwo ƒe mlɔewo nu ke kple anyiwo tso Asirianyigba dzi Woava adze ɖe bali globowo kple kpetowo me. Woava dze ɖe ŋuvewo kple tsiʋewo katã me. Gbe ma gbe la, Aƒetɔ la atsɔ lãnu si wòɣe le tɔ la godo, Asiria fia, be wòalũ ta na mi, alũ ɖa siwo le miaƒe afɔwo ŋu, eye wòalũ ge hã na mi. Gbe ma gbe la, nyivi ɖeka kple gbɔ̃ eve pɛ koe atsi ame ɖeka si. Ɖe nyinotsi gbogbo si wonana ta la, ame sia ame akpɔ nyinotsi babla aɖu. Ame siwo katã susɔ ɖe anyigba la dzi la, aɖu nyinotsi kpekẽ la, eye woano anyitsi hã. Gbe ma gbe la, afi sia afi si wainka akpe le, eye wòxɔa klosaloga akpe ɖeka (1,000) la, ŋu kple aŋɔkawo koe amie ɖe teƒe ma. Ŋutsuwo ayi afi ma kple da kple dati, elabena ŋu kple aŋɔkawo koe axɔ anyigba la dzi. Ke hena togbɛ siwo woŋlɔna kple kodzoe tsã la, miagate ŋu ayi afi mawo o, ɖe vɔvɔ̃ na ŋu kple aŋɔkawo ta, ke woava zu nyiwo kple alẽwo nyiƒe.
Asiria, Yehowa fe dɔwɔnu
Yehowa gblɔ nam be, “Tsɔ nuŋlɔkpe gã aɖe, eye nàŋlɔ ɖe edzi bena aboyonu, afɔnetsɔ, nuhaha, va kaba. Mayɔ nunɔla Uria kple Zekaria, Yeberekia ƒe vi be woanye ɖasefo wɔnuteƒewo nam.” Ale mete ɖe nyɔnu nyagblɔɖila ŋu, eye wòfɔ fu hedzi ŋutsuvi. Yehowa gblɔ nam be, “Mana ŋkɔe be Aboyonu, Afɔnetsɔ, Nuhaha, Va Kaba. Hafi ɖevi la nate ŋu ayɔ ‘papa’ kple ‘dada’ la, Asiria fia aho aʋa ava dze Damasko kple Samaria dzi, eye wòalɔ woƒe kesinɔnuwo adzoe.”
Yehowa gagblɔ nam be,
“Esi wònye be ame siawo gbe nu le Siloa
tsi si tsana blewu la gbɔ,
eye wokpɔ dzidzɔ ɖe Rezin
kple Remalia ƒe vi ŋu la,
eya ta Aƒetɔ la ana tɔsisi la
ƒe tsi nyanyra sẽŋuwo ava kɔ ɖe wo dzi.
Tɔɖɔɖɔ la anye Asiria fia le eƒe ŋɔdzi katã me.
Tɔ la aɖɔ agbagba, eye wòage ɖe tɔʋuwo katã me;
asi ato Yuda, atsyɔ edzi agbagba,
eye wòaɖɔ́ va se ɖe eƒe ve ke.
Eƒe aʋala akeke atsyɔ miaƒe anyigba ƒe kekeme,
O! Mawu li kpli mi!”
Mi dukɔwo mido aʋaɣli,
eye dzi naɖe le mia ƒo.
Miƒu to anyi,
mi ame siwo le didiƒenyigbawo dzi.
Mibla akpa na aʋawɔwɔ, ke dzi neɖe le mia ƒo;
mibla ali dzi, ke dzi neɖe le mia ƒo.
Mide aɖaŋu na aʋawɔwɔ,
gake woagblẽ miaƒe aɖaŋudede,
miwɔ ɖoɖowo, gake womadze edzi o,
elabena Mawu li kpli mi.
Vɔ̃ Mawu
Ale Yehowa ƒo nu kplim kple kakaɖedzi hede se nam be, magadze ame siawo yome o.
Mègaxɔ nugbeɖoɖo si
ame siawo le wɔwɔm la o,
mègavɔ̃ nu siwo vɔ̃m wole la o,
eye womegado ŋɔdzi na wò o.
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la koe nye ame si miabu kɔkɔe.
Eyae nye ame si ado ŋɔdzi na mi,
eye wòazu kɔkɔeƒe, gake anye agakpe kikli
na Yuda kple Israel ƒe aƒe, esi woakli adze anyi.
Gake anye xevimɔ kple adoboli na Yerusalemtɔwo.
Ame geɖewo aklii,
adze anyi, eye woaŋe keŋkeŋ.
Woatre mɔ alé wo.
Bla ɖaseɖiɖi la, eye nàtre nye nufiafia nu
le nye nusrɔ̃lawo dome.
Makpɔ mɔ na Yehowa
ame si le eƒe mo ɣlam ɖe Yakob ƒe aƒe la;
maɖo dzi ɖe eŋu.
Kpɔ ɖa, nye kple vinye siwo Yehowa nam lae nye esi. Mienye dzesi kple kpɔɖeŋu le Israel tso Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ame si le Zion to la dzi la gbɔ.
Ne amewo gblɔ na mi be, miyi miabia nu le ŋɔliyɔlawo kple afakalawo, ame siwo doa dalĩ kple ŋɔtimegbe gbɔ la, ɖe mele be amewo nabia nu woƒe Mawu boŋ oa? Ɖe woabia nu ame kukuwo na ame gbagbewoa? Mitrɔ ɖe nye nufiafia kple ɖaseɖiɖiwo ŋu. Ne nu siwo wogblɔ mesɔ kple nye nyawo o la, ekema kekeli alo nyateƒe aɖeke mele wo tɔwo me o. Woate wo ɖe anyi, eye dɔ awu wo. Woatsa tsaglãla le anyigba blibo la dzi, eye le dɔwuame ƒe sesẽ ta la woado dziku, aƒo fi ade woƒe fia kple woƒe Mawu. Ekema woade wo to, ke nu si ko woakpɔe nye vevesese kple viviti kple blukɔ dziŋɔ, eye woatsɔ wo aƒu gbe ɖe viviti tsiɖitsiɖi me.
Wodzi ŋutsuvi na mí
Ke hã la, blukɔdodo ƒe ɣeyiɣi kple dziɖeleameƒo ƒe ɣeyiɣi manɔ anyi ɖikaa o. Tsã la, èbɔbɔ Zebulonyigba kple Naftalinyigba ɖe anyi. Ke le ɣeyiɣi siwo gbɔna me la, ade bubu dukɔ siwo le Ƒutamɔ dzi kple esiwo le Yɔdan godo la ŋu.
Dukɔ si le viviti me zɔm la kpɔ kekeli gã aɖe,
ame siwo le blukɔ tsiɖitsiɖi ƒe anyigba dzi la, kekeli klẽ na wo.
Èdzi dukɔ la ɖe edzi, eye nèdzi woƒe dzidzɔkpɔkpɔ hã ɖe edzi.
Wokpɔ dzidzɔ le ŋkuwòme abe ale si
amewo kpɔa dzidzɔ le nuŋeɣi
kple abe ale si amewo kpɔa dzidzɔ ne
wole aboyonu mam la ene.
Ale si wònɔ le Midiatɔwo ŋɔli ene la,
ègbã kɔkuti si nye agba la na wo,
èɖe kɔsɔkɔsɔ si le kɔ na wo
kple ame siwo te wo ɖe anyi la ƒe ameƒoti ɖa.
Woatɔ dzo aʋawɔlawo ƒe afɔkpawo kple awu si bliba
ʋu le aʋa me la, eye dzo afia wo,
elabena wodzi vi na mí, wona ŋutsuvi mí.
Dziɖuɖu le eƒe abɔta,
eye woda fianyenye ƒe bubuŋkɔwo ɖe edzi be,
“Nukunu, Aɖaŋudela, Mawu Kalẽtɔ,
Fofo Mavɔ kple Ŋutifafafia.”
Eƒe dziɖuɖu akeke ta, eye seɖoƒe manɔ eƒe fiaɖuƒe ŋu o.
Aɖu fia le fofoa David ƒe fiazikpui dzi
kple eƒe fiaɖuƒe la me,
ne woafɔe ɖe te, eye wòatsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ali kee
tso ɣe ma ɣi yi ɖe mavɔ me.
Nu sia ava eme, elabena Yehowa,
Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la
ƒe didi vevie awɔe ade goe.
Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu
Aƒetɔ la ɖo du ɖe Yakob,
eye wòava ƒo ɖe Israel dzi
ne amewo katã nadze sii hekpe ɖe Efraim kple Samariatɔwo,
ame siwo nɔa gbɔgblɔm le dada kple adegbe ƒuƒlu me be,
“Anyikpewo mu dze anyi,
gake míagbugbɔ wo atu kple kpe tɔxɛwo;
wotso gbotiwo ƒu anyi,
ke míado sedatiwo ɖe wo teƒe”,
gake Yehowa do Rezin ƒe futɔwo ɖe dzi ɖe wo ŋu,
eye wòde ƒu lãme na eƒe futɔwo.
Aram tso ɣedzeƒe, eye Filistitɔwo tso ɣetoɖoƒe
vuvu Israel kple nu siwo ke ɖi baa la.
Togbɔ be esiawo katã dzɔ hã la,
Yehowa ƒe dɔmedzoe nu mefa o,
eye eƒe alɔ gale dzi ɖe wo ŋu ko.
Gake ame siawo metrɔ ɖe ame si ƒo wo la ŋu o,
wogbe be yewomadi Yehowa Ŋusẽkatãtɔ la yomemɔ o.
Ale Yehowa tsrɔ̃ ta kple asike,
deʋaya kple keti siaa ɖa tso Israel le ŋkeke ɖeka dzi.
Ame tsitsiwo kple ame ŋkutawoe nye ta la,
eye nyagblɔɖila siwo fiaa alakpadada lae nye asike la.
Ame siawo kplɔlawo nye ameblelawo,
eye ame siwo blem wole la bu.
Eya ta Aƒetɔ la makpɔ dzidzɔ le ɖekakpuiwo ŋu
alo ave tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo nu o,
elabena wo katã wonye mawumavɔ̃lawo kple ame vɔ̃ɖiwo
eye wo katã wogblɔa nya vlowo.
Ke le esiawo katã megbe hã la, eƒe dɔmedzoe nu mefa o,
eye eƒe alɔ gale dzi ko.
Vavã ŋutasesẽ le bibim abe dzo ene.
Efia ŋuwo kple aŋɔkawo,
eye wòtɔ dzo avekɔewo kple avedodowo,
ale be dzudzɔ de dzi kɔtɔɔ.
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la
ƒe dɔmedzoe na dzo ƒo anyigba,
eye dukɔ la anye dzodonu,
ame aɖeke makpɔ nɔvia ta o.
Woavuvu nu le ɖusime, gake dɔ aganɔ wo wum,
woaɖu nu le miame, gake womaɖi ƒo o.
Ame sia ame aɖu eya ŋutɔ ƒe dɔmevi ƒe lã.
Manase aɖu Efraim, eye Efraim aɖu Manase,
wo kple eve la siaa woatso ɖe Yuda ŋu.
Le esiawo katã megbe hã la, Yehowa ƒe dɔmedzoe nu metsi o,
eye eƒe alɔ gale dzi ko.
Baba na ame siwo wɔa se madzɔmadzɔwo,
ame siwo dea se siwo tea ame ɖe anyi,
be woaxɔ nu si nye ame dahe tɔ la le esi,
woada adzo dzɔdzɔenyenye le
ame teɖeanyiwo si,
woaɖe aboyo ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo.
Nu ka miawɔ le akɔntanagbe la
esi gbegblẽ atso adzɔge ava?
Ame ka gbɔ miasi ayi wòana kpekpeɖeŋu mi?
Afi ka miagble miaƒe kesinɔnuwo ɖo?
Naneke masusɔ o, ke boŋ gamemewo
kple ame siwo tsi aʋa ko,
ke to esiawo katã megbe hã la,
Yehowa ƒe dɔmedzoe nu mefa o,
eye eƒe alɔ gale dzi ko.
Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ Asiria
“Baba na Asiria, nye dɔmedzoe ƒe ameƒoti;
ame si ƒe asi me metsɔ nye dɔmedzoe ƒe asi dee.
Medɔe ɖe dukɔ mavɔ̃mawu ŋu,
meɖe gbe nɛ ɖe dukɔ si doa dɔmedzoe nam la ŋu,
ne wòaɖe aboyo eƒe amewo,
aha wo, eye wòafanya wo,
anya wo abe anyi ene le woƒe ablɔwo dzi.
Ke menye esiae nye eƒe susu o,
menye esia bum wòle o,
eƒe taɖodzinue nye be yeagblẽ nu,
eye yeahe dukɔ geɖewo ƒe nuwuwu vɛ.
Egblɔ be, ‘Ɖe nye aʋakplɔlawo katã menye fiawo oa?’
‘Ɖe Kalno medze anyi abe Karkemis ene, Hamat abe Arpad ene,
eye Samaria abe Damasko ene oa?
Ale si nye asi su fiaɖuƒe siawo
kple woƒe legba siwo de ŋgɔ
wu Yerusalem kple Samariatɔwo dzi la,
ɖe nyemawɔ Yerusalem kple eƒe legbawo
abe ale si mewɔ Samaria
kple eƒe legbawoe ene oa?’ ”
Ne Yehowa wu nu siwo katã wòɖo be yeawɔ kple Zion to la kple Yerusalem nu vɔ la, ekema agblɔ be, “Mahe to na Asiria fia le eƒe dada kple ɖokuikpɔkpɔ gãe ta. Elabena egblɔ be,
“ ‘Nye ŋutɔe tsɔ nye asi wɔ nu siawoe.
Meɖe dukɔwo ƒe liƒowo ɖa,
ha woƒe kesinɔnuwo, eye abe ŋusẽtɔ ene la,
mebɔbɔ woƒe fiawo ɖe anyi.
Abe ale si woƒoa asi ɖe xevitɔ me ene la,
nenemae nye asi ɖo dukɔwo ƒe kesinɔnuwo gbɔe;
abe ale si amewo lɔa xevizi siwo wogble ɖe xevitɔwo me ene la,
nenema melɔ xexeme dukɔwoe:
ame aɖeke meli, ƒo aʋala alo ke eƒe dɔ xlɔ̃ o.’ ”
Ɖe fia aƒo adegbe wu ame si tsɔe le nu lãma?
Alo ɖe laxalaxa atɔ asi akɔ wu ame si le eŋuti dɔ wɔma.
Ɖe ameƒoti ate ŋu aƒo ame si lée ɖe asi alo ɖe
atizɔti ate ŋu akɔ eɖokui ɖe dzi mahã?
Eya ta Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,
adɔ dɔléle vɔ̃ɖi aɖe ɖa wòava atsrɔ̃ wò aʋakɔwo katã,
eye dzo abi le eƒe amegãwo dome
abe ale si dzo binae ene.
Israel ƒe Kekeli azu dzo,
eƒe Kɔkɔetɔ la anɔ abe dzo bibi ene,
eye le ŋkeke ɖeka dzi la,
abi afia ŋuwo kple aŋɔkawo.
Abe ale si dɔléle vɔ̃ɖi dzea ŋutsu dzi hewunɛ ene la,
nenema ke Yehowa atsrɔ̃ Asiria ƒe ave dodowo
kple woƒe agblenyigba nyuiwo gbidigbidi.
Avemetiawo abi ale gbegbe be, ɖevi sue ɖeka pɛ gɔ̃ hã ate ŋu
axlẽ esiwo susɔ aŋlɔ da ɖi.
Israel ƒe ame mamlɛawo
Ava eme le ɣe ma ɣi me be
Israel ƒe ame mamlɛawo kple Yakob ƒe aƒe,
ame siwo tsi agbe la,
magaɖo dzi ɖe ame si ƒo wo la ŋu o,
ke boŋ aɖo dzi ɖe Yehowa,
Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋu le nyateƒe me.
Ame mamlɛawo atrɔ gbɔ,
Yakob ƒe ame mamlɛawo
atrɔ ɖe Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ŋu.
Togbɔ be wò dukɔ, O! Israel,
le abe ƒutake ene hã la,
ame mamlɛawo koe atrɔ gbɔ.
Woɖo kpe gbegblẽ dzi, eye dzɔdzɔenyenye gbagbã ɖi.
Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la
ahe tsɔtsrɔ̃ si wòɖo ɖi kplikpaa la ava anyigba blibo la dzi.
Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔe nye esi:
“O! Mi ame siwo le Zion, migavɔ̃ Asiria,
ame si ƒo mi kple ameƒoti,
eye wòɖe kpo ɖe mia dzi abe ale si Egipte wɔ ɖe mia ŋu la ene o.
Madidi o la, nye dziku ɖe mia ŋu nu ava ayi,
eye matrɔ nye dɔmedzoe ɖe wo tsɔtsrɔ̃ ŋuti.”
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,
aɖe atam ɖe wo dzi abe ale si wòƒo Midian le Oreb ƒe agakpe la gbɔ ene,
eye ado eƒe atikplɔ ɖe tsiawo dzi
abe ale si wòdze le Egipte la ene.
Le ŋkeke ma dzi la,
woaɖe woƒe agbawo le wò abɔta,
aŋe woƒe kɔkuti le wò kɔ,
eye woƒe kɔkuti aŋe le miaƒe amidada ta.
Woge ɖe Ayat,
woto Migron, eye wova gble
woƒe nuzazãwo ɖe Mikmas.
Wodo to domemɔ, eye wogblɔ be,
“Miatsi Geba adɔ.”
Rama dzo nyanyanya,
Saul ƒe Gibea de afɔ du me.
Do boboe, Galim nyɔnuvi;
Laisa, ƒu to anyi, nublanuie nye Anatɔt.
Maglimae si,
Gabimtɔwo ɣla wo ɖokui.
Egbea ke, woatɔ ɖe Nɔb ŋu.
Woanye woƒe kɔwo le yame ɖe Zion nyɔnuvi ƒe to
kple Yerusalem ƒe togbɛ la ŋu.
Kpɔ ɖa, Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,
atsɔ ŋusẽ gã aɖe alã atilɔwo tso ati
siwo kɔ de dzi bobobo,
eye wòabɔbɔ ketɔwo ɖe anyi.
Woatsɔ fia adza ave dodowo,
eye Ŋusẽtɔ la amu Lebanon ƒe sedatiwo
aƒu anyi le avewo me.
Atilɔ si tso Yese ƒe ke me
Atilɔ aɖe adze tso Yese ƒe ke me;
tso eƒe ke me la,
atilɔ aɖe atse ku.
Yehowa ƒe Gbɔgbɔ anɔ eya amea dzi,
nunya kple gɔmesese ƒe gbɔgbɔ;
aɖaŋudede kple ŋusẽ ƒe gbɔgbɔ kple sidzedze
kple Yehowavɔvɔ̃ ƒe gbɔgbɔ,
eye Yehowavɔvɔ̃ ƒe nu anyo eŋu.
Madrɔ̃ ʋɔnu ɖe nu si eƒe ŋku le kpɔkpɔm la nu,
alo atso nya me ɖe nu si eƒe to se la nu o,
gake adrɔ̃ ʋɔnu na ame dahewo le dzɔdzɔnyenye me,
eye wòatso afia na anyigbadzihiãtɔwo ɖe eteƒe.
Atsɔ eƒe numetikplɔ aƒo anyigba la,
eye wòatsɔ eƒe numegbɔgbɔ atsrɔ̃ ŋutasẽlawoe.
Dzɔdzɔenyenye anye eƒe alidziblaka,
eye nyateƒe anye alidziblanu le eƒe aklito.
Amegaxi anɔ alẽvi gbɔ,
lãklẽ atsyɔ akɔ anyi ɖe gbɔ̃vi gbɔ bɔkɔɔ, nyivi,
dzata kple nyi dami woanɔ wo nɔewo gbɔ le ŋutifafa me,
eye ɖevi sue aɖe akplɔ wo.
Nyinɔ aɖu gbe le sisiblisiwo dome,
wo viwo atsyɔ akɔ anyi ɖe teƒe ɖeka,
eye dzata gɔ̃ hã aɖu gbe abe nyitsu ene.
Vi nonowo ata le ƒli ƒe do nu,
eye ɖevi suewo aƒo asi ɖe dakpui ƒe do me.
Naneke mahe vɔ̃ alo gbegblẽ va
nye to kɔkɔe blibo la dzi o,
elabena sidzedze Yehowa axɔ anyigba la dzi
abe ale si tsi yɔa atsiaƒu mee ene.
Israel kple Yuda ƒe ame mamlɛawo ƒe tɔtrɔ gbɔ
Gbe ma gbe la, Yese ƒe ke la anye aflaga na anyigbadzitɔwo katã. Dukɔwo katã ava ƒo zi ɖe eŋu, elabena eƒe nɔƒe anye ŋutikɔkɔeteƒe. Gbe ma gbe la, Yehowa ado eƒe asi ɖa akplɔ aboyomewo tso Asiria, Dzigbe Egipte, Anyigbe Egipte, Kus, Elam, Babilonia, Hamat siwo susɔ la agbɔe zi evelia.
Atu aflaga na dukɔwo,
eye wòaƒo Israelvi
siwo woɖe aboyoe la nu ƒu.
Aƒo Yuda ƒe vi siwo ka hlẽ ɖe xexea me
ƒe dzogoe eneawo dzi la nu ƒu.
Efraim ƒe ŋuʋaʋã nu atso,
eye Yehowa atsrɔ̃ Yuda ƒe futɔwo.
Efraim magaʋã ŋu Yuda o,
alo Yuda nagaxaxa Israel ɖo o.
Mlɔeba la, wo kple eve la woaɖi aga adze Filistitɔwo dzi le ɣetoɖoƒe,
eye woaha dukɔ siwo le ɣedzeƒe la.
Woƒe asi asu Edom kple Moab dzi,
eye Amon ƒe vi azu wo tenɔlawo.
Yehowa ana Egipte ƒu la namie,
eye wòanye eƒe asi le Frat tɔsisi dzi
kple ya xɔdzo sesẽ.
Amae ɖe tɔʋu adre me ale be
woate ŋu atsoe kple atokota gɔ̃ hã.
Ale wòanye mɔtata na eƒe ame mamlɛ
siwo susɔ tso Asiria abe ale si wònɔ
na Israel esi wòkplɔ wo do
goe tso Egipte ene.
Kafukafuhawo
Le ɣe ma ɣi la, àgblɔ be,
“Makafu wò, O! Yehowa,
togbɔ be èdo dɔmedzoe ɖe ŋunye tsã hã la,
wò dɔmedzoe nu yi,
eye nèfa akɔ nam.
Nyateƒe, Mawu nye nye xɔname.
Maɖo dzi ɖe eŋu, eye nyemavɔ̃ o.
Ɛ̃, Yehowae nye nye ŋusẽ kple nye hadzidzi,
eye eyae zu nye xɔname
Miadu tsi le xɔname ƒe vudowo me kple dzidzɔ.”
Le ŋkeke ma dzi la, àgblɔ be,
“Mida akpe na Yehowa!
Miyɔ eƒe ŋkɔ,
miɖe gbeƒã eƒe ŋkɔ le xexemedukɔwo dome.
Miɖe gbeƒã Yehowa, elabena ewɔ nu dzɔatsuwo,
miɖe gbeƒã eƒe kafukafu le xexea me katã.
Mido ɣli, eye mitso aseye,
mi ame siwo le Zion,
elabena gãe nye Israel ƒe Kɔkɔetɔ si le mia dome.”
Nyagblɔɖi ɖe Babilonia ŋu
Esia nye ŋutega si Mawu ɖe fia Yesaya, Amoz ƒe vi la, tso Babilonia ƒe gbegblẽ ŋuti.
Mitu aflaga ɖe togbɛ ƒuƒlu tame.
Mido ɣli yɔ nye aʋawɔlawo.
Mimia asi wo,
be woage ɖe bubumewo
ƒe agbowo me.
Meɖe gbe na nye aʋawɔla, meyɔ nye kalẽtɔwo
be woaɖe nye dɔmedzoe afia, ame siwo tsoa aseye
ɖe nye dziɖuɖu ŋu.
Miƒu to anyi,
ɣli le ɖiɖim le towo dzi abe ameha gã
aɖewoe le afi ma ene.
Miƒu to anyi,
zi tɔ le fiaɖuƒewo me abe dukɔ geɖewoe
le ƒu ƒom ene.
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae
le amewo nu ƒom ƒu hena aʋawɔwɔ.
Wotso anyigba didiwo dzi va,
tso keke dziƒowo ƒe mlɔewo nu ke.
Wova kple Yehowa kple eƒe dɔmedzoe
ƒe aʋawɔnuwo be woagbã dukɔ la katã.
Mido ɣli, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe.
Ava abe gbegblẽ ene tso Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ.
Le esia ta la, asiwo katã aku yigbaa ɖe amewo ŋu,
eye amegbetɔwo katã ƒe dzi alolo ɖe dɔ me na wo.
Vevesese kple nuxaxa alé wo,
eye woaŋe abe nyɔnu si le ku lém la ene.
Woƒe mo anɔ vevem hẽe,
eye woafɔ ŋku ɖe wo nɔewo dzi gaa.
Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ŋkeke dziŋɔ la gbɔna.
Egbɔna kple dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ be
woana anyigba la nazu gbegbe,
eye wòatsrɔ̃ mi vɔ̃wɔla siwo le edzi.
Ɣletivi hamehame siwo le dziŋgɔli ŋu la magaklẽ o,
ne ɣe dze la, ado viviti, eye dzinu magaɖi o.
Mahe to na xexea me le eƒe nu tovowo wɔwɔ ta,
eye maxe fe na ame vɔ̃ɖiwo le woƒe nu vɔ̃wo ta.
Matsi dadalawo ƒe dada nu,
eye mate ŋutasẽlawo ƒe ɖokuidodoɖedzi ɖe to.
Mana amegbetɔwo nave wu sika nyuitɔ,
eye amegbetɔ kodzogbeawo hã ave wu sika si tso Ofir.
Eya ta mana dziƒowo naʋuʋu kpekpekpe,
eye anyigba naʋuʋu le eƒe agunu ke
le Yehowa Ŋusẽkatãtɔ la ƒe dɔmedzoe ta
le eƒe dziku helĩhelĩ ƒe ŋkeke la dzi.
Abe sãde aɖe si wonya ɖe nu ene
alo alẽha si ŋu kplɔla mele o ene la,
ame sia ame agatrɔ ayi ɖe eƒe amewo gbɔ,
eye ame sia ame asi ayi wo denyigba dzi.
Woaƒo lãnu ɖe ame sia ame si wolé,
eye ame si dzi asi su la atsi yi nu.
Woatsɔ woƒe vidzĩwo axlã ɖe anyi le wo ŋkume.
Woaha woƒe aƒewo, eye woadɔ kple wo srɔ̃wo sesẽtɔe.
Kpɔ ɖa, made adã ta me na Mediatɔwo ɖe wo ŋu;
ame siwo mebua klosalo ɖe naneke me o,
eye sika gɔ̃ hã medoa dzidzɔ na wo o.
Woƒe aŋutrɔwo tea ɖekakpuiwo ƒua anyi.
Womekpɔa nublanui na funɔdɔmee o,
alo ɖeviwo ƒe nu mewɔa nublanui na wo o.
Babilonia, fiaɖuƒewo ƒe nu xɔasi,
Mawu amu Babiloniatɔwo ƒe dada aƒu anyi
abe Sodom kple Gomora ene.
Amewo magatso aƒe ɖe afi ma akpɔ gbeɖe o,
eye wòazu aƒedo tso dzidzime yi dzidzime.
Arabiatɔ aɖeke matu eƒe agbadɔ ɖe afi ma o,
alẽkplɔla aɖeke mana eƒe lãwo
natsyɔ akɔ anyi ɖe afi ma o.
Ke gbemelãwo koe atsyɔ
akɔ anyi ɖe afi ma.
Favieʋuto ayɔ woƒe xɔwo me,
golowo atso aƒe ɖe afi ma
eye azizãwo aɖi adrɔ le afi ma.
Gbevuwo hã anɔ afi ma,
Amegaxiwo axɔ woƒe dziƒoxɔ sesẽwo awɔ wo nɔƒewo.
Eƒe ɣeyiɣi tu aƒe,
eye eƒe ŋkekewo mahe ɖe megbe o.
Yehowa akpɔ nublanui na Yakob,
aʋu ʋɔ atia Israel, eye wòatsɔ wo aɖo
woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi.
Dukɔ bubu me tɔwo akpe ɖe wo ŋuti,
eye woawɔ ɖeka kple Yakob ƒe aƒe la.
Dukɔwo akplɔ wo va woawo ŋutɔ nɔƒee.
Dukɔwo kple dɔlanyɔnuwo le Yehowa ƒe aƒe la dzi.
Ale woalé ame siwo ɖe aboyo wo la,
eye woaɖu gã ɖe ame siwo te wo ɖe to la dzi.
Gbe si gbe Yehowa ana mi gbɔdzɔe tso miaƒe fukpekpewo, hiãkamewo kple dɔ sesẽ siwo miewɔ le aboyo me la, ado hamelo sia na Babilonia fia be,
Ale funyafunyawɔame la wu nue nye esi!
Ale eƒe ŋutasesẽ hã wu nue nye esi!
Yehowa ŋe ame vɔ̃ɖi ƒe ameƒoti,
eye wòŋe fiawo ƒe tsiamiti
siwo wotsɔ ƒo dukɔwo atraɖii,
eye le woƒe dɔmedzoe me,
wobɔbɔ dukɔwo ɖe anyi heti
wo yome kutɔkutɔe.
Anyigbawo katã gbɔ ɖe eme le ŋutifafa me,
eye wode asi hadzidzi kple dzidzɔkpɔkpɔ me.
Logotiwo kple Lebanon ƒe sedatiwo
le dzidzɔ kpɔm ɖe ŋu wò, eye wogblɔ be,
“Azɔ esi wolã wo ƒu anyi la,
atidzela aɖeke magava lã mi aƒu anyi o.”
Tsĩeƒe le dzadzraɖo wɔm be
woado go wò ne èva.
Ènyɔ ame kukuwo ƒe gbɔgbɔwo be woado go wò,
ame siwo nye dziɖulawo le xexe sia me kpɔ.
Èna ame siwo ɖu fia ɖe xexemedukɔwo dzi kpɔla tso
le woƒe fiazikpuiwo dzi.
Wo katã woaɖo eŋu na wò kple gbe ɖeka be,
“Wò hã èzu ame beli abe míawo ke ene;
èle abe mia dometɔ ɖeka ene azɔ.”
Wotsɔ wò atsyɔ̃ɖoɖo katã ɖi ɖe yɔ me kpe ɖe
wò kasaŋkuwo ƒe ɖiɖi ŋuti.
Nyẽwo le dodom le tewò,
eye ŋɔviwo le tatam le dziwò.
Aleke nèhege tso dziƒoe, o ŋukeɣletivi!
Wokɔ wò ƒu gbe ɖe anyigba dzi;
wò ame si te dukɔwo ɖe anyi kpɔ!
Ègblɔ le wò dzi me be,
“Malia nu ayi ɖe dziƒo.
Mali nye fiazikpui ɖe Mawu ƒe ɣletiviwo tame.
Manɔ nye fiazikpui dzi le takpekpeto la dzi,
le to kɔkɔe la tame ʋĩi ke.
Malia ayi ɖe lilikpowo tame ke,
eye mawɔ ɖokuinye be masɔ ta kple Dziƒoʋĩtɔ la.”
Ke wohe wò ƒu gbe ɖe yɔ me,
ɖe tsiẽƒe ƒe gogloƒe ke.
Ame siwo kpɔ wò la, woafɔ ŋku ɖe dziwò,
eye woabu nu si dzɔ ɖe dziwò la ŋuti ahabia be,
“Ɖe menye ame siae nye ame si ʋuʋu anyigba la,
eye wòna fiaɖuƒewo dzo nyanyanya,
ame si na xexea me zu gbegbe,
ame si gbã du gãwo, eye wòɖe aboyo emenɔlawo oa?”
Dukɔwo katã ƒe fiawo mlɔ anyi ɖe
woƒe yɔdowo me le bubu me.
Ke wo ya la, wokɔ wò ƒu gbe ɖe wò yɔdo me
abe atilɔ si gbɔ wogbe nu le la ene.
Wolɔ ame siwo wowu kple ame siwo tsi yi nu la li kɔe ɖe dziwò,
ame siwo woɖi ɖe agakpetowo ƒe gogloƒe ke,
eye wole abe ŋutilã kuku siwo wofanya kple afɔ la ene.
Womaɖi wò abe woawo ene o,
elabena ègblẽ wò anyigba, eye nèwu wò amewo.
Womagayɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe dzidzimeviwo ƒe ŋkɔ azɔ o.
Dzra teƒe ɖo ne nàwu ŋutsuwo
le afi ma, ɖe wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo ta.
Womatsi tsitre be woanyi anyigba la ƒe dome,
eye woatso du gãwo, wòaxɔ anyigba la dzi o.
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be,
“Matso ɖe wo ŋuti.
Maɖe Babilonia ƒe ŋkɔ, ame siwo tsi agbe,
viawo kple eƒe dzidzimeviwo ɖa”
Yehowae gblɔe.
“Mana wòazu hlɔ̃madɛwo nɔƒe,
eye matsɔ gbegblẽ ƒe xa akplɔ woe.”
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
Nyagblɔɖi la ɖi Asiria ŋu. Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ka atam be,
“Le nyateƒe me, ale si meɖoe la, nenemae wòanɔ,
eye ale si meɖo ɖe ta me la, nenema wòava emee.
Magbã Asiriatɔwo le nye anyigba dzi,
eye mafanya wo le nye towo tame.
Maɖe kɔkuti ɖa le nye amewo ƒe kɔ,
eye maɖe eƒe agba kpekpe ɖa le woƒe abɔta.”
Esia nye ɖoɖo si mewɔ ɖe xexea me katã ŋu,
nye asi si mekɔ ɖe dukɔwo katã dzi,
elabena esiae Yehowa,
Dziƒoʋakɔwo katã ƒe Aƒetɔ la ɖo.
Ame kae ate ŋu agblẽ eme?
Ekɔ eƒe asiwo dzi,
ame kae ate ŋu aɖiɖii?
Nyagblɔɖi ɖe Filisitɔwo ŋu
Mexɔ nyagblɔɖi sia le ƒe si me fia Ahaz ku.
Mi Filistitɔwo, migakpɔ dzidzɔ be ameƒoti si wotsɔ ƒo mi la ŋe o,
elabena da vɔ̃ɖi ado tso da ma ke me,
eye eƒe metsonu nye da vɔ̃ɖi si noa aɖi,
eƒe kutsetse anye da to aʋala si yɔ fũu kple aɖi.
Ame dahewo ƒe ame dahe akpɔ nyuiƒe,
eye hiãtɔwo atsyɔ akɔ anyi le dedinɔnɔ me.
Ke matsɔ dɔtoto atsrɔ̃ wò ame siwo tsi agbe la.
Fa avi, o agbo! Do ɣli, o du! Mi
Filistitɔwo katã milolõ.
Dzudzɔ babla tso anyiehe,
eye ame beli aɖeke mele woƒe aʋakɔwo dome o.
Ŋuɖoɖo kae woana dukɔ ma ƒe ame dɔdɔawo?
“Yehowa gaɖo Zion te, eye le afi ma hiãtɔ akpɔ sitsoƒe.”
Nyagblɔɖi ɖe Moab ŋu
Esiae nye nyagblɔɖi ɖe Moab ŋu:
woatsrɔ̃ Ar le Moab,
woagbãe le zã!
Woatsrɔ̃ Kir le Moab,
woagbã wo le zã!
Wò ame siwo le Dibon la lũ ta kolikoli,
eye wolũ woƒe ge hã
hele konyi fam vevie, eye woyi ɖe
woƒe mawu Nebo kple Medeba
ƒe gbedoxɔwo me ne woafa na wo.
Wo katã wota akpanya hele zɔzɔm le mɔtatawo dzi;
wo katã wole ɣli dom le xɔwo tame kple ablɔwo me
eye wotsɔ mo tsyɔ anyi hele avi fam.
Ame siwo le Hesbon kple Eleale
le avi fam sesĩe ale gbegbe be,
woƒe ɣlidodo ɖo keke Yahaz.
Esia na be Moab ƒe aʋawɔlawo
wo avi gboo, eye dzi ɖe le wo ƒo.
Nye dzi le nu xam le Moab ŋu.
Eƒe aʋasilawo si yi keke Zoar,
eye wode Eglat Selisia ke.
Woyi Luhit to dzi kple avifafa,
eye le Horonaim mɔ dzi la,
wonɔ konyi fam tso woƒe gbegblẽ ŋuti.
Nimrim tɔsisi la hã amie, ahaƒu kplakplakpla, eye gbewo katã ayrɔ;
nu miemiewo katã aku, eye gbe mumu aɖeke maganɔ anyi o.
Ale woƒe kesinɔnu siwo wokpɔ heli kɔe ɖi la,
woatsɔe atso Amutitɔʋu lae.
Woƒe konyifaɣli le ɖiɖim le Moab ƒe liƒowo dzi;
woƒe avifafa ɖo keke Eglaim,
eye woƒe konyifafa ɖo Beer Elim.
Dimon tɔsisiwo yɔ fũu kple ʋu,
gake mahe nu vɔ̃ɖi wu esia ava Dimon dzi.
Dzata aɖo Moab ƒe aʋasilawo
kple ame siwo susɔ ɖe anyigba dzi la dome.
Miɖo alẽviwo ɖe anyigbadziɖula la abe
miaƒe adzɔnunana ene tso Sela to gbegbe la
ahayi ɖe Zion ƒe vinyɔnu ƒe to la dzi.
Abe ale si wonyaa xe dzodzoewo le
woƒe atɔwo me ene la,
nenema ke wòanɔ na Moab nyɔnuwo
le Arnon ƒe tɔtsoƒewo.
“Ɖo aɖaŋu na mí, eye nàtso nya me na mí.
Na wò vɔvɔli nazu abe zã ene le ŋudɔkutsu.
Ɣla aʋasilawo, eye mègafia wo yomemɔ o.
Na be Moab ƒe aʋasilawo nanɔ gbɔwò,
eye nànye woƒe sitsoƒe tso nugblẽla ƒe asi me.”
Ŋutasẽla ƒe ɣeyiɣi ava yi, eye gbegblẽ hã nu atso.
Ameyometila hã abu ɖa keŋ le anyigba dzi.
Woaɖo fiazikpui anyi le lɔlɔ̃ me.
Ŋutsu aɖe si atso David ƒe aƒe me la,
anɔ edzi le nuteƒewɔwɔ me.
Ame sia adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe,
eye wòado dzɔdzɔenyenye ɖe ŋgɔ.
Míese nu tso Moab ƒe dada,
eƒe asitɔtɔ akɔ kple ɖokuidodoɖedzi,
eƒe dada kple eƒe amemabumabu ŋu,
gake eƒe adegbeƒoƒowo katã nye dzodzro,
eya ta Moabtɔwo afa avi,
woafa avi ɖe Moab ŋu.
Mixa nu, miafa konyi ɖe waintsetsebolo ta na Kir Hareset,
elabena Hesbon ƒe agblewo yrɔ,
nenema kee nye Sibma ƒe wainkawo hã.
Dukɔwo ƒe amegãwo gblẽ waintsetse nyuitɔ
siwo ƒe kawo de Yazer heɖo keke gbegbe,
eye eƒe alɔwo keke va ɖo ƒuta.
Eya ta mafa avi abe Yazer
ɖe Sibma ƒe wainkawo ŋu ene.
O! Hesbon, O! Eleale. Mefa mi vevie!
Elabena dzidzɔɣli si ɖina le miaƒe kutsetsegbeɣi
kple nuŋeŋe me la zi ɖoɖoe.
Dzidzɔ kple vivisese nu tso le abɔwo me,
ame aɖeke mele ha dzim
alo le dzidzɔɣli dom le waingblewo me o,
ame aɖeke megafiaa wain le wainfiaƒe o,
elabena metsi dzidzɔɣliwo nu.
Nye dzi le konyi fam le menye ɖe Moab ŋu
abe ale si woƒoa kasaŋku ene,
eye vevesese tso Kir Hareset ŋu.
Ne eva eme be Moab do ɖe eƒe nuxeƒe la,
dagbadagba ƒuƒlu koe.
Ne eyi eƒe gbedoɖaƒe
be yeado gbe ɖa la, mate ŋui o.
Esia nye nya si Yehowa gblɔ ɖi xoxo tso Moab ŋu. Yehowa be, “Le ƒe etɔ̃ me tututu abe ale si agbatedɔwɔla xlẽa eƒe ƒee ene la, maɖi gbɔ̃ Moab ƒe atsyɔ̃ kple ame gbogboawo, ame siwo asusɔ la, woanɔ ʋɛe, eye womanɔ nemi me hã o.”
Nyagblɔɖi ɖe Damasko ŋu
Esiae nye nyagblɔɖi ɖe Damasko ŋu:
“Kpɔ ɖa, Damasko maganye du abe tsã ene o,
ke boŋ atrɔ azu aƒedo!
Woagblẽ Aroa ƒe duwo ɖi woatsi ƒuƒlu,
eye wòazu nɔƒe na alẽha siwo atsyɔ akɔ anyi ɖe afi ma,
eye ame aɖeke mado ŋɔdzi na wo o.
Efraim ƒe mɔ sesẽwo nu ayi
kple Damasko ƒe fiaɖuƒe hã,
eye Aram ƒe ame mamlɛawo
ƒe ŋusẽ anɔ abe Israeltɔ ene.”
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
“Eva eme le ɣe ma ɣi be,
Yakob ƒe ŋusẽ aɖiɖi, eye eƒe lãmemi avɔ keŋ.
Azu abe bligble si me woŋe bli
le hegblẽ hɔ̃litiawo ɖe tsitrenu ene,
eye abe ale si agbledela fɔa bli dzɔdzɔe
le Refaim me ene.
Kutsetse ʋɛ aɖewo asusɔ abe ale si ne wogbe amiti vɔ,
eye kutsetse eve alo etɔ̃ aɖewo susɔna ɖe eƒe adzame ene.
Wo ame ene alo atɔ̃ nɔa atiawo ƒe alɔwo dzi la ene.”
Yehowa Israel ƒe Mawu lae gblɔe.
Ɣe ma ɣi la, amegbetɔ atrɔ ɖe eƒe Wɔla ŋu,
eye eƒe ŋkuwo anɔ Israel ƒe Kɔkɔetɔ la dzi.
Womagatrɔ ɖe woƒe vɔsamlekpui
siwo woawo ŋutɔ wowɔ kple woƒe asiwo la ŋu o,
eye womagabu aƒeli kple ɣelégba
siwo woawo ŋutɔ wowɔ kple woƒe asiwo la o.
Le ŋkeke ma dzi la, woƒe du sesẽ siwo wogblẽ ɖi na Israelviwo hesi dzo la anɔ abe gbegbe ene, eye woazu aƒedo.
Elabena èŋlɔ Mawu, wò xɔnametɔ la be,
eye mèɖo ŋku agakpe si nye wò mɔ sesẽ la dzi o.
Eya ta togbɔ be nèƒã nuku nyuiwo,
eye nèdo du bubu me tɔwo ƒe wainkawo;
togbɔ be gbe si gbe nèdoe la,
ètɔ kpɔ ɖe eŋu, eye esi ŋu ke la,
èna wò nukuawo ƒo se hã la,
le nuŋegbe la, màŋe naneke wu fukpekpe kple vevesese o.
O! Dukɔ geɖewo ƒe agbodzedze.
Wodze agbo abe tɔ dzeagbo ene!
O! Woƒe amewo ƒe hoowɔwɔ.
Wole hoo wɔm abe tɔ dzeagbowo
ƒe hoowɔwɔ ene.
Togbɔ be ameawo le hoo wɔm
abe tsi sesẽwo ƒe hoowɔwɔ ene hã la,
ne èblu ɖe wo ta la,
wosina yia megbe ke.
Èɖe wo ɖe ŋu abe gbe ƒuƒuwo le towo dzi
kple yali le ahom nu ene.
Ŋɔdzi nɔa anyi le fiẽ me, gake wobuna ne ŋu ke.
Esia nye ame siwo daa adzo mí la ƒe gome
kple mía halawo ƒe dzidzenu.
Nyagblɔɖi ɖe Kus ŋu
Baba na anyigba si le Kus ƒe tɔsisiwo
ƒe go kemɛ dzi, afi si tɔdziʋu siwo doa abala la zɔna,
dukɔ si dɔa amewo ɖona ɖe atsiaƒu
kple tɔsisiwo dzi kple aƒlatɔdziʋu siwo ɖia du sesĩe.
Midɔ ame dɔdɔ ɖeablawo ɖe dukɔ dzɔatsu si ƒe amewo kɔ,
eye wo ŋu zrɔ̃ la gbɔ,
dukɔ si amewo vɔ̃na le gbeta,
du didiwo ke hã me,
dukɔ nyanyra si fiana dzea amewo dzi hetsrɔ̃a wo;
dukɔ si ƒe anyigba me tɔsisi geɖewo si to.
Mi xexea me nɔlawo katã kple anyigbadzitɔwo,
ne wotu aflaga ɖe towo dzi la, miakpɔe.
Ne woku kpẽ la, miasee.
Ale si Yehowa gblɔ nam lae nye esi:
“Manɔ anyi kpoo anɔ nu kpɔm tso nɔnyeƒe
abe ale si yame kɔnae ne ŋdɔ le ʋuʋum sesĩe la ene,
abe ale si lilikpo dzaa ahũ le nuŋeɣi
le dzomeŋɔli ene.”
Elabena hafi nuŋeɣi nava yi ne seƒoƒowo hã nava yi,
eye seƒoƒowo nazu wain ɖiɖi la,
matsɔ hɛ̃ gobɛ la alã alɔawoe aƒu gbe.
Woagblẽ wo katã ɖi na to dzi xe ƒonuwo
kple anyigbadzilãwo;
xe ƒonuwo anɔ wo dzi le dzomeŋɔli,
eye anyigbadzilãwo katã anɔ wo dzi le vuvɔŋɔli.
Ɣe ma ɣi la, dukɔ si dzɔ atsu ƒlalu, eye eŋu zrɔ̃ dredredre,
dukɔ si wovɔ̃na le didiƒe ke,
dukɔ si kli tsu, eye wònyaa avuzi le ame dzi,
dukɔ si ƒe anyigba me tɔsisiwo to yi la,
ahe nunanawo vɛ na Yehowa le Zion to la gbɔ, afi si wosubɔnɛ le.
Nyagblɔɖi ɖe Egipte ŋu
Esiae nye nyagblɔɖi ɖe Egipte ŋu.
Kpɔ ɖa, Yehowa ɖi tso dziƒo gbɔna va Egipte
kple du le lilikpowo dzi.
Egipte legbawo dzo nyanyanya le eŋkume,
eye vɔvɔ̃ na be, Egiptetɔwo ƒe dzi lolo ɖe dɔ me na wo.
“Mana be Egiptetɔwo nawɔ avu kple wo nɔewo,
nɔvi kple nɔvi nawɔ avu, zɔhɛ natso ɖe zɔhɛ ŋu,
du natso ɖe du ŋu,
eye fiaɖuƒe natso ɖe fiaɖuƒe ŋuti.
Dzi aɖe le Egiptetɔwo ƒo, eye matɔtɔ woƒe ɖoɖowo.
Woayi aɖabia nu le legbawo, ŋɔligbɔgbɔwo,
ŋɔliyɔlawo kple afakalawo gbɔ.
Matsɔ Egiptetɔwo ade ŋutasẽla aɖe ƒe ŋusẽ te,
eye fia vɔ̃ɖi aɖe aɖu wo dzi.”
Aƒetɔ, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
Nil tɔsisi la amie,
eye eme aƒu kplakplakpla.
Tɔʋumetsiwo aƒaƒã, anɔ ʋeʋẽm.
Egipte tɔʋuwo hã amie, eye wo me aƒu.
Aƒla kple aɖa siwo le tɔsisi la me la ayrɔ.
Nenema ke gbe siwo mie ɖe Nil tɔsisi la to
kple esiwo mie ɖe tɔsisi la kple ƒu la
ƒe godoƒe la hã ayrɔ.
Nuku siwo le bo dzi le Nil tɔsisi la to la afia,
eye ya aƒo wo adzoe.
Tɔƒodelawo kple ame siwo doa ƒu ɖe tɔsisi la me la aɖe hũu, afa konyi,
eye nenema ke ame siwo daa asabu ɖe tɔa me la hã axa nu.
Ɖetitrelawo abu mɔkpɔkpɔ,
nenema kee nye aklalavɔ biɖibiɖiwo lɔ̃lawo hã.
Ketelɔlawo ƒe mo atsi daa
eye agbatedɔwɔlawo katã ƒe dzi axa nu.
Zoan ƒe dumegãwo azu bometsilawo.
Farao ƒe aɖaŋuɖola nyanuwo ɖo aɖaŋu manyatalenuwo.
Aleke nàte ŋu agblɔ na Farao be,
“Menye nunyalawo dometɔ ɖeka,
menye blemafiawo ƒe nusrɔ̃la?”
Afi ka miaƒe nunyalawo le azɔ.
Wonegblɔ nu siwo Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,
ɖo ɖe Egipte ŋu la na mí.
Zoan ƒe dumegãwo zu bometsilawo.
Woble Memfis ƒe dukplɔlawo,
eye ame siwo nye eƒe dzogoedzikpewo la kplɔ Egipte trae.
Yehowa tsɔ ŋuzitsɔame ƒe gbɔgbɔ de wo me.
Ale wòna Egipte mu sɔgɔsɔgɔ le nu siwo katã
wòwɔna la me abe ale si ahanomunɔtɔ mlina le xe si
eya ŋutɔ ɖe la me ene.
Naneke meli Egipte nawɔ o, ta alo asike,
deʋaya alo keti mate ŋu awɔ naneke na Egipte o.
Ɣe ma ɣi la, Egiptetɔwo azu abe nyɔnuwo ene. Ŋɔ adzi wo woadzo nyanyanya le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe asi si wòkɔ dzi ɖe wo ŋuti la ta. Ne woyɔ Yuda ŋkɔ teti hã la, ŋɔ adzi Egiptetɔwo, eye woƒe dzi age ɖe dɔ me na wo ɖe gbegblẽ si Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, wɔ ɖe wo ŋu la ta.
Le ɣe ma ɣi la, du gã atɔ̃ le Egiptenyigba dzi atrɔ adze Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la yome, eye woasrɔ̃ Hebrigbe agblɔ. Woayɔ du siawo dometɔ ɖeka be Heliopolis, Ɣekeklẽdu.
Le ŋkeke mawo me la, woaɖi vɔsamlekpui gã aɖe ɖe Egiptenyigba la titina na Yehowa, eye woaɖi ŋkuɖodzikpe ɖe woƒe liƒo dzi na Yehowa. Esiae nye dzesi kple ŋkuɖodzi na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, le Egiptenyigba dzi. Ne wodo ɣli na Yehowa le woƒe futɔwo ta la, aɖo ɖela kple ametaʋlila ɖe wo be wòaɖe wo le woƒe futɔwo ƒe asi me. Le ŋkeke ma me la, Yehowa aɖe eɖokui afia Egiptetɔwo, woadze si Yehowa, eye woatsɔ woƒe vɔsawo kple nunanawo asubɔe. Woaɖe adzɔgbe na Yehowa, eye woawɔ edzi. Yehowa akplɔ dɔvɔ̃ aƒu Egiptetɔwo; aƒo wo, eye wòagayɔ dɔ wo. Woatrɔ ɖe Yehowa ŋu, eye wòase woƒe kukuɖeɖe ahayɔ dɔ wo.
Le ŋkeke ma me la, woado mɔ gã aɖe ɖe Egipte kple Asiria dome, Asiriatɔwo azɔ edzi ayi Egipte, Egiptetɔwo hã azɔ edzi ayi Asiria, eye wo kple eve la woasubɔ ɖekae. Ɣe ma ɣi la, Israel, nye etɔ̃lia akpe ɖe Egipte kple Asiria ŋu, esiae nye yayra le anyigba dzi. Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ayra wo agblɔ be, “Woayra wò, Egipte, nye dukɔ, Asiria, nye asinudɔwɔwɔ kple wò, Israel, nye domenyinu.”
Nyagblɔɖi ɖe Egipte kple Kus ŋu
Le ƒe si me Asiria fia Sargon dɔ eƒe aʋafiagã ɖe Filistitɔwo ƒe du, Asdod me, eye wòwɔ aʋa kplii hexɔe la, ɣe ma ɣi Yehowa gblɔ na Amoz ƒe vi, Yesaya, be, “Ɖe wò akpanya si nèta la da ɖi, eye nàɖe afɔkpawo le wò afɔ.” Ale Yesaya wɔ nenema; eɖe amama, eye wònɔ afɔ ƒuƒlu zɔm nɔ yiyim.
Yehowa gblɔ be, “Abe ale si nye dɔla Yesaya si le afɔ ƒuƒlu zɔm ƒe etɔ̃ sɔŋ ene, nu si nye dzesi kple kpɔɖeŋu na Egipte kple Kus la, nenema ke Asiria fia aɖe aboyo Egipte kple Kus, aɖe amewo, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa be woatsɔ ado ŋukpe Egipte, Ame siwo ɖo ŋu ɖe Kus ŋu, eye wotsɔa Egipte ƒoa adegbee la, woavɔ, eye ŋu akpe wo. Le ɣe ma ɣi la, ame siwo le ƒuta afi sia la agblɔ be, mikpɔ nu si va dzɔ ɖe ame siwo miesina tsona be woaxɔ na mi le Asiria ƒe asi me la dzi ɖa. Ke azɔ la, aleke miawɔ asi?”
Nyagblɔɖi ɖe Babilonia ŋu
Esiae nye nyagblɔɖi ɖe gbegbe si le ƒuta la ŋu.
Amedzidzela aɖe ava dze mia dzi tso gbegbe,
anyigba dziŋɔ aɖe dzi abe ale si ahom
tuna toa anyigbemenyigba dzi ene.
Woɖe ŋutega dziŋɔ aɖe fiam;
ametatrɔla trɔ ame ta,
nuhala kpɔ nuhaha.
Elam dze edzi! Media ƒu kpo ɖe eŋu!
Mana hũɖeɖe siwo katã wòhe vɛ la nawu nu.
Eya ta vevesese na nye ameti blibo la meʋuʋu.
Vevesese ƒo ɖem abe nyɔnu si le ku lém la tɔ ene.
Nu siwo mese la na memu sɔgɔsɔgɔ,
eye dzidzi ƒom le nu siwo mekpɔ la ta.
Nye dzi tso, vɔvɔ̃ na medzo nyanyanya.
Ale fiẽ fafɛ si mele mɔ kpɔm
na la zu ŋɔdzi gã aɖe nam.
Woɖo kplɔ̃wo. Nuwo katã sɔgbe,
woɖu nu, wono nu!
Kasia ɣli ɖi be, mitso,
mi amegãwo ne miasi ami
na miaƒe akpoxɔnuwo.
Ale Yehowa gblɔ nam nye esi,
“Yi nàɖo gbetakpɔla,
eye na wòaɖe gbeƒã nu
siwo katã wòkpɔ.
Ne ekpɔ tasiaɖamwo kple sɔdolawo ƒe hã,
tedzidolawo kple kposɔdolawo la,
ekema neɖo to, wòagaɖo to nyuie.”
Gbetakpɔla ɖe gbe abe dzata ene be,
“Nye Aƒetɔ, metsi tsitre ɖe nye dzɔƒe
la gbe sia gbe kple zãwo katã me.
Kpɔ ɖa, ŋutsu aɖe le tasiaɖam me
kple sɔdolawo ƒe ha gbɔna,
eye wòna ŋuɖoɖo siam be,
‘Babilonia mu, gamu.
Wogbã eƒe legbawo katã ƒu anyi.’ ”
O! Nye dukɔ si wogbã gudugudu le lugbɔƒe abe lu ene,
megblɔ nu siwo katã Yehowa,
Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la
de asi nam be magblɔ la na mi.
Nyagblɔɖi ɖe Edom ŋu
Esiae nye Mawu ƒe nyagblɔɖi ɖe Duma ŋu.
Ame aɖe yɔm tso Seir be,
“Gbetakplɔla, zã gbɔ tsɔa?
Gbetakpɔla zã gbɔ tsɔa?”
Gbetakpɔla ɖo eŋu be,
“Esusɔ vie ŋu nake, gake zã agado ake.
Nya si nèdi be yeabia la, biae, gake gatrɔ gbɔ.”
Nyagblɔɖi ɖe Arabia ŋu
Esiae nye nyagblɔɖi ɖe Arabia ŋu.
Mi asiha siwo tso Dedam,
ame siwo ƒu asaɖa anyi ɖe Arabia ƒe avekɔewo me,
mi ame siwo le Tema,
miku tsi vɛ na ame siwo tsikɔ le wuwum.
Mitsɔ nuɖuɖu vɛ na aʋasilawo,
elabena wosi le yi si woɖe le aku me la
kple da si me wovu kpakple aʋa si dzi ŋɔ la nu.
Ale Aƒetɔ la gblɔ nam nye esi, “Le ƒe ɖeka me tututu abe ale si awɔbamenɔla xlẽa eƒe ƒee ene la, Kedar ƒe atsyɔ̃ katã nu ayi. Aŋutrɔdala mamlɛawo kple aʋawɔla siwo susɔ le Kedar la anye ame ʋɛ aɖewo ko.” Yehowa Israel ƒe Mawu lae gblɔe.
Nyagblɔɖi ɖe Yerusalem ŋu
Esiae nye nyagblɔɖi ɖe ŋutega balime la ŋu.
Nu kae ɖe mi ɖe nu
hafi mi katã miede xɔwo tame?
O! Hoowɔwɔ ƒe du,
ʋunyaʋunya kple aglotutu ƒe du,
nu kae le wɔwòm?
Wò ame kukuwo la, menye yi nu wotsi o,
eye menye aʋa hãe wotsi o.
Wò dumegãwo katã si dzo;
wotsɔ wo ɖokuiwo na futɔwo,
eye womeʋli wo ɖokui ta o.
Togbɔ be wosi dzo esi futɔ la megogo wo kura o
hã la, wolé wò amewo katã,
eye wozu aboyomewo.
Eya ta megblɔ be, “Miɖe kɔ ɖa le ŋunye,
eye mina mɔm mafa avi vevie.
Migafa akɔ nam ɖe nye ameawo ƒe tsɔtsrɔ̃ ta o”,
elabena Aƒetɔ Yehowa,
Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ɖo ŋkeke ɖi na ʋunyaʋunya,
nuwo fanyafanya kple ŋɔdzi le ŋutega balime la,
ŋkeke si dzi woamu gliwo aƒu anyi,
eye ɣli aɖi le towo tame.
Elam kpla daku, eƒe tasiaɖam
kple sɔdolawo kpe ɖe eŋuti,
eye Kir ɖe nu le eƒe akpoxɔnu ŋu.
Ale tasiaɖamwo yɔ wò balime nyuitɔ,
eye woɖe sɔdolawo ɖe wò agbowo nu.
Ale Aƒetɔ la ɖe Yuda ƒe akpoxɔnuwo katã ɖa,
eye Yuda di xɔ si wotu ɖe ave me, si me aʋawɔnuwo nɔ la
vevie gbe ma gbe.
Miekpɔ be gbagbãƒe geɖewo
le David ƒe du la ŋu,
eya ta mielɔ tsi ɖe anyigbeta la me.
Miexlẽ xɔ siwo le Yerusalem,
hegbã woƒe gliwo be miagbugbɔ wo aglã.
Mieɖe tsiʋe gã aɖe ɖe gli eveawo dome,
helɔ tsi le ta xoxo la me kɔ ɖe eme,
gake miebia ame si wɔe la ta se o,
alo miede bubu ame si wɔ ɖoɖo ɖe eŋu
tso blema ke la ŋu o.
Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,
di tso mia si le ŋkeke ma dzi be,
miafa avi, afa konyi, alũ ta kolikoli.
Ke mikpɔ ɖa, miele dzidzɔ kpɔm, le aglo tum.
Miewu nyiwo, tso alẽwo;
mieɖu lã, mieno wain, eye miegblɔ be,
“Mina miaɖu nu,
ano nu, elabena etsɔ miele kuku ge!”
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔ nam be, “Womatsɔ nu vɔ̃ sia ake mi o va se ɖe miaƒe kugbe.” Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
Ale Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔ nye esi,
“Tso nàyi Sebna,
nuwo dzikpɔla, ame si le aƒea nu
la gbɔ, nàgblɔ nɛ be,
‘Nu ka wɔm nèle le afi sia,
eye ame kae ɖe mɔ na wò be
naɖe yɔdo na ɖokuiwò ɖe afi sia hafi nèle yɔdo ɖem
ɖe kɔkɔƒe, eye nèle kpe gbãm be nàwɔ wò
dzudzɔƒe ɖe agakpewo tome?’
“Kpɔ nyuie, elabena esusɔ vie Yehowa ƒe asi nasu dziwò,
eye wòatsɔ wò aƒu gbe. O! Ŋutsu kalẽtɔ.
Aŋlɔ wò nogoe abe abo ene,
eye wòatsɔ wò aƒu gbe
ɖe anyigba gã aɖe dzi.
Afi ma nàku ɖo, eye afi ma
wò tasiaɖam ɖablawo atsi.
Wò ame si nye ŋukpe
na wò aƒetɔ ƒe aƒe.
Maɖe wò ɖa le wò zi dzi,
eye woaxɔ wò nɔƒe kɔkɔ la le asi wò.
“Gbe ma gbe la, mayɔ nye dɔla Eliakim, Hilkia ƒe vi. Matsɔ wò awu ʋlaya ado nɛ; atsɔ wò alidziblanu abla ali dzi nɛ, eye maxɔ wò nɔƒe atsɔ nɛ. Anye fofo na Yerusalemtɔwo kple Yuda ƒe aƒe la. Matsɔ David ƒe aƒe ƒe safui la aɖo abɔta nɛ. Nu sia nu si wòʋu la, ame aɖeke mate ŋu atui o, eye nu sia nu si wòtu la, ame aɖeke mate ŋu aʋui o. Maƒoe ɖe to abe tsyoti ene le teƒe sesẽ aɖe. Anye fiazikpui si ŋu bubu le na fofoa ƒe aƒe. Eƒe ƒome la katã ƒe ŋutikɔkɔe anɔ eya amea dzi, ɖe viawo kple eƒe dzidzimeviwo dzi. Anɔ nu siwo katã ŋu dɔ wowɔna le aƒe me la dzi; tso agbawo dzi va se ɖe tsinokpluwo dzi.”
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, “Le ŋkeke ma dzi la, tsyoti si woƒo ɖe teƒe sesẽ la aho. Woalãe, wòamu adze anyi, eye agba si wotsɔ ku ɖe eŋu la hã akaka.” Yehowae gblɔe.
Nyagblɔɖi ɖe Tiro ŋu
Esiae nye nyagblɔɖi ɖe Tiro ŋu.
Mifa konyi, o meli siwo tsa asi le Tarsis,
elabena wogbã Tiro,
eye aƒe alo melidzeƒe megali na mi o.
Wose nya sia esi wole Kipro ke.
Mizi ɖoɖoe, mi ame siwo le ƒukpo la dzi
kple mi asitsala siwo tso Sidon.
Mi ame siwo ƒudzidɔwɔlawo wɔ kesinɔtɔwoe,
Wotsɔ bli tso Sidon,
nuŋeŋe si tso Nil Nutowo me
to tɔ gãwo dzi va Tiro
abe adzɔnuwo ene,
ale Tiro zu asiɖiƒe na dukɔwo.
Ŋu nekpe wò, O! Sidon,
wò mɔ sesẽ si le ƒuta,
elabena atsiaƒu gblɔ na wò be,
“Nyemelé ku kpɔ alo dzi vi kpɔ o.
Nyemenyi ŋutsuviwo alo nyɔnuviwo kpɔ o.”
Ne gbe va ɖo Egipte la, woaxa nu vevie
tso nu si wose tso Tiro ŋuti.
Mitso ƒu va Tarsis;
mifa konyi, mi ame siwo le ƒukpo la dzi.
Alea wò blemadu si yɔ fũu kple dzidzɔkpɔkpɔ,
wo ame si zɔ mɔ yi didiƒenyigbawo dzi la va zue nye esia?
Ame kae ɖo nugbe sia ɖe Tiro ŋu,
ame si ɖɔa fiakuku na amewo,
eƒe adzɔdolawo nye amegãwo,
eye eƒe asitsalawo nye ame xɔŋkɔwo
le anyigba dzii?
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae
ɖo esia be yeaɖi gbɔ̃ atsyɔ̃ɖoɖowo katã ƒe dada,
eye yeabɔbɔ ame xɔŋkɔwo katã
ɖe anyi le anyigba dzi.
O! Tarsis ƒe vinyɔnu,
de agble ɖe Nil tɔsisi la to,
elabena melidzeƒe megali na wò o.
Yehowa kɔ eƒe asi dzi ɖe atsiaƒu la dzi,
eye wòna eƒe fiaɖuƒewo dzo nyanyanya.
Eɖe gbe be woagbã
Foenisia ƒe mɔ sesẽwo.
Yehowa gblɔ be,
“O! Sidon ƒe vinyɔnu si menya ŋutsu o,
wò dzidzɔkpɔkpɔ nu tso!
“Tsi tsitre, tso ƒu la, eye nàyi Kipro, afi ma gɔ̃ hã la,
màkpɔ dzudzɔƒe o.”
Kpɔ Babiloniatɔwo ƒe anyigba la ɖa;
tsã la, bubu menɔ wo ŋu o
va se ɖe esime Asiriatɔwo fɔe hetsɔe wɔ nɔƒee
na ame siwo nɔ gbegbe.
Wotu dziƒoxɔ kɔkɔwo kple fiasãwo ɖe afi ma;
ke ena wòzu aƒedo.
Mi Tarsis melikulawo mifa avi,
elabena wogbã miaƒe mɔ sesẽ la!
Le ɣe ma ɣi me la, woaŋlɔ Tiro be ƒe blaadre sɔŋ; siwo nye fia ƒe agbenɔƒe. Le ƒe blaadre siawo ƒe nuwuwu la, ava eme na Tiro abe ale si woŋlɔe ɖe gboloha ƒe hagbewo me nɛ ene be,
“Tsɔ kasaŋku. Ɖi tsa le dua me.
O! Gbolo si wogbe,
ƒo kasaŋku la nyuie, eye nàdzi ha geɖewo,
ale be woaɖo ŋku dziwò.”
Le ƒe blaadre ƒe nuwuwu la, Yehowa ahe to na Tiro. Agatrɔ ayi ɖe eƒe gbolowɔwɔ dzi, eye wòatsa asi sia kple fiaɖuƒe siwo katã le anyigba dzi; Ke hã la, woatsɔ viɖe siwo wòkpɔ la na Yehowa. Womadzrae ɖo ɖe nudzraɖoƒe alo aɣlae o. Woatsɔ eƒe viɖe siwo wòkpɔ la na ame siwo nɔ agbe le Yehowa ŋkume be, woatsɔ aƒle nuɖuɖu geɖe kple nudodo nyuiwoe.
Yehowa atsrɔ̃ anyigba la
Kpɔ ɖa, Yehowa le anyigba la tsrɔ̃ ge,
eye wòawɔe wòazu gbegbe.
Ele anyigba la ƒe ŋkume gblẽ ge,
eye woakaka edzinɔlawo.
Anɔ alea na nunɔlawo kple amehawo,
na aƒetɔ kple dɔlaŋutsu,
na aƒenɔ kple dɔlanyɔnu,
nudzrala kple nuƒlela,
na ame si doa nugbana kple nugbanadola,
na fetɔ kple fenyila.
Woaɖi gbɔlo anyigba la ƒiaƒiaƒia,
eye woahae keŋkeŋ.
Yehowae gblɔ nya sia.
Anyigba la aƒu, eye edzinuwo ayrɔ.
Nu ati kɔ na xexea me katã,
eye nu gbagbewo ayrɔ ɖe tsitrenu.
Ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi
le anyigba dzi la hã axa nu.
Anyigbadzinɔlawo do gu anyigba la,
woda le sewo kple ɖoɖowo dzi,
eye wotu nubabla mavɔ la,
eya ta fiƒode anye atsyɔ anyigba la dzi,
eye edzinɔlawo ƒe vodadawo ava woƒe ta dzi.
Esia ta anyigbadzinɔlawo fia,
eye ame ʋɛ aɖewo koe susɔ.
Wain yeyewo vɔ ƒiaƒiaƒia,
wainkawo yrɔ, eye dzidzɔkpɔlawo katã le tse ɖum.
Axatsɛ siwo ƒe gbe me kɔ la hã zi ɖoɖoe,
Màgase dzidzɔkpɔlawo ƒe hoowɔwɔ o.
Kasaŋku siwo ɖina
kple dzidzɔ la hã zi ɖoɖoe.
Womegatsɔa hadzidzi noa wain o,
eye aha sesẽ hã ve le nu me na enolawo
Du gbagbã la zu aƒedo,
eye wotu aƒe ɖe sia ɖe ƒe agbo.
Wole ɣli dom le wain dim
le mɔtatawo dzi kple ŋkubiã.
Dzidzɔkpɔkpɔwo katã trɔ zu blanuiléle,
eye vivisesewo katã bu le anyigba la dzi.
Du la zu aƒedo,
eye wokaka eƒe agbowo.
Alea wòanɔ le anyigba la dzi
kple dukɔwo dome.
Anɔ abe amiti si dzi wogbe kutsetsewo katã vɔ le
alo abe wainka si dzi wogbe wain tsetsewo
le hegble kutsetse wuwlui aɖewo ko ɖo la ene.
Ame ʋɛ siwo susɔ la kɔ gbe dzi hedo dzidzɔɣli;
tso ɣetoɖoƒe woɖe gbeƒã Yehowa ƒe gãnyenye,
eya ta mi, ɣedzeƒetɔwo,
mitsɔ ŋutikɔkɔe na Yehowa;
mido Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ
ɖe dzi le ƒukpowo dzi.
Tso anyigba ƒe mlɔea nu ke,
miese ha ƒe ɖiɖi be,
“Ŋutikɔkɔe woana Dzɔdzɔetɔ la.”
Ke megblɔ be, “Evɔ nam, evɔ nam, baba nam.
Wodem asi!
Ametatrɔlawo dem asi!”
O! Mi anyigbadzitɔwo, ŋɔdzi,
ʋe globo kple kamɔ le mia lalam.
Ame si le ŋɔdzi
nu la age adze ʋe globo la me;
ame si dze agbagba do le ʋe globo
la me la, kamɔ aɖee,
elabena dziƒo ƒe fesrẽwo ʋu,
eye anyigba ƒe agunu ʋuʋu.
Anyigba wó, anyigba fe kpla,
anyigba ʋuʋu sesĩe.
Anyigba le mumum sɔgɔsɔgɔ abe ahanomunɔtɔ ene,
ele ʋuʋum abe agbadɔ si me ya ɖo ene,
elabena anyigbadzinɔlawo ƒe aglãdzedze ƒe nu vɔ̃wo le
ekpem ale gbegbe be adze anyi,
eye magafɔ gbeɖe o.
Le ŋkeke ma dzi la,
Yehowa ahe to na ŋusẽ siwo le dziƒonutowo me
kple fia siwo le anyigba dzi.
Woaƒo wo nu ƒu abe gamenɔla
siwo le gaxɔ globo me ene.
Woanɔ gaxɔ me, eye woahe to na wo
le ŋkeke geɖe megbe.
Ŋu akpe ɣe, eye ɣleti ƒe mo awɔ yaa,
elabena Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,
aɖu fia le ŋutikɔkɔe me le Zion to la dzi
kple Yerusalem le eƒe dumegãwo ŋkume.
Kafu Yehowa
O! Yehowa, wòe nye nye Mawu.
Mado wò ŋkɔ ɖe dzi, eye makafu wò,
elabena wò nuteƒewɔwɔ de blibo.
Èwɔ nu dzɔtsuwo,
nu siwo nèɖo ɖi tso blema ke.
Èna du gãwo trɔ zu aƒedo,
eye mɔ sesẽwo zu glikpo.
Amedzrowo ƒe du sesẽwo maganye du anɔ anyi o.
Womagbugbɔ wo atu akpɔ o,
eya ta dukɔ siwo wɔa kalẽ la ade bubu ŋuwò,
eye dukɔ nyanyrawo avɔ̃ wò,
elabena Yehowa,
wòe nye sitsoƒe na ame dahewo,
xɔnametɔ na hiãtɔwo le xaxa me,
bebeƒe le ahom me kple vɔvɔli
le ŋdɔkutsu helĩhelĩ nu.
Ŋutasẽlawo lɔ gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo
abe yatsi si le ƒoƒom ɖe gli ŋu la ene,
eye abe dzoxɔxɔ sesẽ tso gbegbe ene;
èna amedzrowo ƒe hoowɔwɔ nu tso
abe ale si ne lilikpo xe ɣe ŋkume la,
eƒe dzoxɔxɔ ɖiɖinae ene.
Aleae nètsi ame nyanyrawo ƒe hadzidzi nue.
Le to sia dzi,
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,
atsɔ nuɖuɖu damiwo aɖo kplɔ̃e na dukɔwo katã.
Wain tsitsitɔ anɔ afi ma.
Lã damitɔ akpe ɖe eŋu,
eye wain nyuitɔ abɔ ɖe eŋu.
Le to sia dzi, aɖe ameɖivɔ si me
wobla amewo katã ɖo
kple avɔ si wotsɔ tsyɔ dukɔwo katã dzi la ɖa.
Ami ku tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.
Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa
le amewo ƒe ŋkume.
Aɖe eƒe dukɔ la ƒe ŋukpe ɖa
le anyigba blibo la dzi.
Yehowae gblɔe.
Gbe ma gbe la, woagblɔ be,
“Esiae nye míaƒe Mawu vavã la.
Míeɖo ŋu ɖe eŋu, eye wòɖe mí.
Eyae nye Yehowa si ŋu míeɖo ŋu ɖo.
Mina míatso aseye, akpɔ dzidzɔ le eƒe ɖeɖe la ta.”
Yehowa ƒe asi anɔ to sia dzi,
ke afanya Moab ɖe eƒe afɔ te
abe ale si wofanyaa gbe ƒuƒu ɖe aɖu me ene.
Akeke eƒe abɔwo ɖe dukɔ la dzi
abe ale si tsiƒula kekea eƒe abɔwo
ne ele tsi ƒum ene.
Mawu aɖiɖi wo ɖe anyi le woƒe dada ta togbɔ be
wotsɔ woƒe asiwo wɔ kalẽnu geɖewoe hã.
Amu woƒe gli sesẽwo aƒu anyi,
eye woakaka ɖe anyigba,
agbã gudugudu, eye woazu kewɔ.
Kafukafuha
Gbe ma gbe la, woadzi ha sia le Yudanyigba dzi be:
Du sesẽ aɖe le mía si;
Mawu tsɔ ɖeɖe ɖo gli sesẽ aɖe ƒo xlãe.
Miʋu agboawo be dukɔ dzɔdzɔe la nage ɖe eme;
dukɔ si lé xɔse me ɖe asi.
Àna be ame si ƒe susu ku ɖe ŋuwò la
nanɔ ŋutifafa gã aɖe me,
elabena eɖo ŋu ɖe ŋuwò.
Ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ɖaa, elabena
Yehowae nye Agakpe mavɔ la.
Ebɔbɔa ame siwo le kɔkɔƒe la ɖe anyi,
ebɔbɔa du si do eɖokui ɖe dzi la ɖe anyi.
Egbãnɛ va se ɖe anyigba ke,
eye wòtutunɛ dea ke me.
Wotua afɔe ƒua anyi.
Ame dahewo kple ame siwo wote ɖe to lae tua afɔe.
Ame dzɔdzɔe ƒe mɔ dzi le zɔzrɔ̃e;
O! Azɔ, wòe wɔ ame dzɔdzɔe ƒe mɔ wòzrɔ̃.
Ɛ̃, Yehowa, míele zɔzɔm le wò se la nu hele lalawòm;
wò ŋkɔ kple wò gãnyenye nye míaƒe dziwo ƒe didi.
Nye luʋɔ le diwòm vevie le zã me,
le ŋdi la, nye gbɔgbɔ tsia dzi ɖe ŋuwò vevie.
Ne wò ʋɔnudɔdrɔ̃ ɖiɖi ɖe anyigba dzi la,
xexemetɔwo srɔ̃a wò dzɔdzɔenyenye.
Togbɔ be wovea ame vɔ̃ɖiwo nu hã la,
womesrɔ̃a dzɔdzɔenyenye o;
le dzɔdzɔenyenye ƒe anyigba dzi gɔ̃ hã la,
wogale nu tovowo wɔwɔ dzi ko,
eye womekpɔ Yehowa ƒe gãnyenye o.
O! Yehowa, wò abɔ de dzi bobobo,
gake womekpɔe o.
Na woakpɔ ale si nètsɔ dzo ɖe wò
amewo ŋuti ne ŋu nakpe wo;
na be dzo si nèdzra ɖo ɖi
na wò futɔwo la nava fia wo.
Yehowa, wòe ɖo ŋutifafa ɖi na mí;
nu siwo katã míete ŋu wɔ la wòe wɔ wo na mí.
O! Yehowa, míaƒe Mawu,
aƒetɔ bubuwo ɖu mía dzi kpe ɖe ŋuwò,
ke wò ɖeka ko ƒe ŋkɔ ŋutie míede bubue.
Azɔ la woku, womegale agbe o;
ame siwo ku ƒe gbɔgbɔ matsi tsitre o;
èhe to na wo, èna gbegblẽ va wo dzi,
eye nèɖe woƒe ŋkɔwo ɖa be
womagaɖo ŋku wo dzi o.
Èkeke dukɔ la ɖe edzi, O! Yehowa;
èna dukɔ la keke ta ɖe edzi.
Èxɔ ŋutikɔkɔe na ɖokuiwò,
eye nèkeke anyigba la ƒe liƒowo ɖe edzi.
Esi nèhe to na wo, eye womagate ŋu
akɔ gbe dzi ado gbe ɖa o la,
Yehowa, wova gbɔwò le woƒe xaxa la me.
Abe ale si nyɔnu si le ku lém la
ŋena hedoa ɣli le vevesese ta ene la,
nenema kee míele le ŋkuwò me, O! Yehowa.
Fu le mía ɖum;
míele ku lém, gake ya ko míedzi.
Míetsɔ ɖeɖe va anyigba dzi o;
míedzi ame siwo le xexea me o.
Ke ame siwo ku le mewò la anɔ agbe;
woƒe ŋutilãwo atsi tsitre.
Mi ame siwo mlɔ ke me,
minyɔ, eye miado dzidzɔɣli.
Miaƒe ahũ le abe esi dzana le ŋdi la ene.
Anyigba aɖe eƒe ame siwo ku la ɖe go.
Miheyi, nye amewo.
Mige ɖe miaƒe xɔwo me, eye miatu ʋɔawo.
Miɣla mia ɖokuiwo va se ɖe esime
eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la nu nava yi.
Kpɔ ɖa, Yehowa tso le enɔƒe be yeava ahe to
na anyigbadzinɔlawo le woƒe nu vɔ̃wo ta.
Anyigba aɖe ʋu siwo wokɔ ɖe edzi la afia,
eye magate ŋu aɣla eƒe ame kukuwo o.
Israel ƒe ɖeɖekpɔkpɔ
Le ŋkeke ma dzi la,
Yehowa atsɔ eƒe yi dziŋɔ, gã,
sẽŋu la ahe to na Leviatan,
da si nɔa eɖokui xatsam la;
awu ʋɔ driba si le atsiaƒu me la hã.
Le ŋkeke ma dzi la,
“Miadzi ha tso waingble si tse fũu la ŋu.
Nye Yehowae kpɔa edzi.
Medea tsii ɣe sia ɣi.
Medzɔa eŋu zã kple keli be
ame aɖeke magagblẽe o.
Nyemedo dziku o.
Ɖe wònye ŋu kple aŋɔkawoe mie nam la,
anye ne meho aʋa ɖe wo ŋuti, atɔ dzo wo katã.
Ema manɔmee la, woneva di sitsoƒe le gbɔnye;
woneva míawɔ ŋutifafa,
ɛ̃, woneva wɔ ŋutifafa kplim.”
Ŋkekewo li gbɔna esi Yakob ato ke;
Israel aƒo se, eye eƒe kutsetse ayɔ xexea me katã.
Ɖe Yehowa ƒoe ƒu anyi abe ale si Yehowa ƒo
ame siwo ƒoe ƒu anyi la enea?
Ɖe wòwui abe ale si wowu
ame siwo wui la enea?
To aʋawɔwɔ kple aboyomeyiyi me, ètu nu kplii,
etsɔ eƒe gbeɖeɖe dziŋɔ la nyae do goe
abe gbe si gbe ɣedzeƒeya ƒo la ene.
To esia me ko woalé avu Yakob ƒe vodadawo,
eye esia anye kutsetse si ado tso
eƒe nu vɔ̃wo ɖeɖe ɖa me.
Eyae nye be wòagbã vɔsamlekpuiwo;
woatu wɔ abe ɣe ene eye aƒeliwo
ƒe dzudzɔʋeʋĩdoƒewo maganɔ anyi o.
Du si woglã la zu aƒedo,
amenɔƒe si amewo megale o.
Wogblẽe ɖi wòzu gbegbe, afi si nyiviwo ɖua gbe le;
afi mae wotsyɔa akɔ ɖo, eye woɖua wainti ƒe alɔwo
Wainka la kuna, ŋena dzea anyi,
eye nyɔnuwo fɔnɛ doa dzoe,
elabena wonye ame masenugɔmewo.
Eya ta woƒe Wɔla metrɔ dɔ me ɖe wo ŋu o,
eye woƒe Wɔla meve wo nu o.
Le ŋkeke ma dzi la, O! Mi Israelviwo, Yehowa aƒo mi abe lu ene tso Frat tɔsisi la to va se ɖe Egipte tɔʋuwo to, eye wòagayɔ mi aƒo ƒui ɖeka ɖeka. Le ŋkeke ma dzi la, kpẽ sesẽ aɖi. Ame siwo le tsɔtsrɔ̃m le Asiria kple ame siwo si yi Egipte la, woatrɔ agbɔ ava subɔ Yehowa le to kɔkɔe si le Yerusalem la dzi.
Baba na Efraim
Baba na seƒoƒofiakuku ma si nye dada na
Efraim ƒe ahanomunɔtɔwo.
Baba na seƒoƒo yɔyrɔ la ƒe gãnyenye
si wotsɔ ɖo atsyɔ̃ na balime si nyoa nuku.
Baba na du ma si nye dada na
ame siwo wain flu tagbɔ na!
Kpɔ ɖa, ame si sesẽ,
nye kalẽtɔ la le Aƒetɔ la si.
Ava abe tsikpe ƒe dzadza
kple ya si gblẽa nu la ene.
Ava abe kelemetsi kple tsiɖɔɖɔ ene,
be wòatsɔe aƒu gbe ɖe anyigba ŋusẽtɔe.
Seƒoƒotsihe ma si nye Efraim ƒe
ahanomunɔtɔwo ƒe dada la,
woafanyae ɖe afɔ te.
Seƒoƒo yɔyrɔ ma si nye
eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ si wòɖɔ
na balime nyonuku la anɔ
abe gbotsetse si ɖi do ŋgɔ
na mamlɛawo la ene;
esi ame aɖe kpɔe la,
egbee kaba heɖu.
Gbe ma gbe la,
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,
anye gãnyenye ƒe fiakuku
kple seƒoƒotsihe si dzeani
na eƒe ame mamlɛawo.
Anye afia nyui tsotso ƒe gbɔgbɔ anɔ
ame si le ʋɔnu drɔ̃m la me.
Anye ŋusẽ na agbonudzɔlawo le aʋaŋɔli.
Wain na ame siwo hã le mumum sɔgɔsɔgɔ,
eye aha sesẽ na ame siwo le ya mum.
Aha sesẽ na nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo siwo le zɔzɔm sɔgɔsɔgɔ
eye wain na wole movinu wɔm.
Aha sesẽ na ame siwo le ya mum.
Vodada le woƒe ŋutegakpɔkpɔ me,
eye kpɔtsɔtsɔ le woƒe nyametsotso ŋu.
Woɖe xe ɖe kplɔ̃wo katã dzi kpe ɖo,
eye teƒe aɖeke meli si womeɖe xe ɖo o.
“Ame ka wòle didim be yeafia nue?
Ame ka wòle eƒe gbedeasi la me ɖem na?
Ɖevi siwo si woxɔ no le la loo
alo vidzĩ siwo woɖe le no nua?
Ele ale; se ɖe se dzi, se ɖe se dzi.
Ɖoɖo ɖe ɖoɖo dzi, ɖoɖo ɖe ɖoɖo dzi;
afii ʋɛe, afi mɛ hã ʋɛe.”
Ɖe sia ɖe nyo, Mawu aƒo nu kple dukɔ sia to nuyi
kple aɖe tutɔwo dzi,
ame si Mawu gblɔ na be,
“Teƒe siae nye dzudzɔƒe eya ta na
ame siwo ŋu ɖeɖi te la nadzudzɔ,” eye
“Teƒe siae nye gbɔɖemeƒe”,
gake womeɖo toe o.
Eya ta Yehowa ƒe nya na woe nye be
se ɖe se dzi, se ɖe se dzi.
Ɖoɖo ɖe ɖoɖo dzi, ɖoɖo ɖe ɖoɖo dzi, ale be woayi,
eye woagbugbɔ ɖe megbe, adze anyi.
Mixɔ abi, kamɔ neɖe mi,
eye wonelé mi,
eya ta mise Yehowa ƒe nya,
mi fewuɖula siwo le ame siawo dzi ɖum le Yerusalem.
Miegblɔna dadatɔe be, “Míeɖo nubabla me kple ku,
eye míeɖo gbe ɖi kple yɔdo.
Nenye be dɔvɔ̃ zɔ va yi la,
maka asi mía ŋu o,
elabena míetsɔ alakpa wɔ míaƒe sitsoƒee,
eye míetsɔ beble wɔ míaƒe bebeƒee.”
Ke ale Aƒetɔ Mawu gblɔe nye esi,
“Kpɔ ɖa, mele gɔmeɖokpe aɖe ɖom ɖe Zion,
kpe si wodo kpɔ.
Dzogoedzikpe xɔasi si nye gɔmeɖokpe si maʋã o.
Ame si ɖo ŋu ɖe eŋu la mavɔ̃ o.
Matsɔ afia nyui tsotso awɔ eƒe dzidzekae,
eye dzɔdzɔenyenye anye eƒe nudanu,
tsikpe akplɔ miaƒe sitsoƒe si nye alakpa la adzoe,
eye tsi aɖɔ axɔ miaƒe bebeƒe.
Woate fli ɖe nu si miebla kple ku la me,
eye gbe si mieɖo ɖi kple yɔdo la madze edzi o.
Ne dɔvɔ̃ zɔ va yi la,
adze mi katã dzi, eye miaɖo baba.
Zi ale si nu wòva la, zi nenema ke wòakplɔ mi adzoe.
Tso ŋdi yi ŋdi, le ŋkeke me kple zã me, ava ato mia dzi ayi.”
Gbedeasi sia gɔmesese
ɖeɖe ahe ŋɔdzi vɛ.
Aba la le kpuie akpã,
màte ŋu adra ɖe edzi o.
Abadzivɔ la mekeke
woaxatsa ame ɖokui ɖe eme o.
Yehowa atso abe ale si wòwɔ le Perazim toa dzi ene.
Aʋuʋu eɖokui abe ale si wòwɔ
le Gibeon Balime la ene be
wòawɔ eƒe dɔ wɔnuku la,
eye wòawɔ eƒe dɔdeasi si mienya o.
Azɔ midzudzɔ miaƒe fewuɖuɖu
ne menye nenem o la,
miaƒe bablawo agamia mi ɖe edzi.
Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,
gblɔ gbegblẽ si wòɖo ɖi kplikpaa ɖe
anyigba blibo la ŋu nam.
Mise nu si gblɔm mele na mi,
eye miɖo to nya si tom mele na mi.
Ne agbledela ŋlɔ nu be yeaƒã nu la,
ɖe wòganɔa nuŋɔŋlɔ dzia?
Ɖe wògadzoboa anyigba,
ganɔa edzadzraɖo dzia?
Ne edzra anyigba ɖo vɔ la, ɖe meƒãa sikɔni kple adrike,
lu kple ƒo ɖe agbakawo me,
eye woƒãa bli ɖe agbleliƒowo dzi oa?
Eƒe Mawu fiaa nue,
eye wògblɔa nu nyuitɔ si wòawɔ la nɛ.
Wometsɔa luƒomɔ ƒoa sikɔnie alo tsɔa keke zɔa adrike dzi
hafi woklẽna o, ke boŋ wotsɔa kpo ƒoa sikɔnie,
eye wotsɔa ati ƒoa adrikee.
Wotua bli hafi tsɔna ƒoa aboloe,
eya ta ame aɖeke manɔ bli nyɔnyɔ dzi ɖaa o.
Togbɔ be wotsɔa keke ƒe afɔtiwo nyɔa blie hã la,
menye sɔ siwo woti ɖe kekea ŋuti la ƒe afɔwoe tua blia o.
Esiawo katã tso Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gbɔ;
ame si ƒe aɖaŋudede wɔ nuku, eye eƒe nya me goglo.
Baba na David ƒe du la
Baba na wò, Ariel, Ariel du gã,
si me David nɔ.
Tsɔ ƒe kpe ɖe ƒe ŋu, eye na wò azãɖuɖuwo
nanɔ edzi yim ɖaa.
Maƒu kpo ɖe Ariel ŋu, afa konyi, axa nu,
ekema anɔ nam abe vɔsamlekpui si ƒo ʋu la ene.
Maƒu asaɖa anyi aƒo xlã wò godoo.
Matu gbetakpɔxɔ sesẽwo aƒo xlã wòe,
eye maɖe ʋe ɖe ŋuwò.
Woaɖiɖi wò ɖe anyi, eye àƒo nu tso anyigba ƒe tume.
Wò nuƒoƒo aɖi hɔlɔhɔlɔ le ke me.
Wò gbe aɖi tso anyigba ƒe tume abe ŋɔli tɔ ene,
eye tso ke me, wò nuƒoƒo aɖi abe dalĩ dom wole ene.
Wò futɔ gbogboawo anɔ abe kewɔ memi ene,
eye ŋutasẽlawo ƒe ha anɔ abe tsro si ya lɔ ɖe nu la ene;
kasia zi ɖeka kpoyi,
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,
ava kple dziɖegbe,
anyigbaʋuʋu kple gbeɖiɖi gã aɖe.
Yaƒoƒo sesẽ, ahom kple dzo ƒe aɖe
siwo biaa nu akpe ɖe eŋuti.
Dukɔwo ƒe ameha siwo ho aʋa ɖe Ariel ŋu
va dze eya ŋutɔ kple eƒe mɔ sesẽwo dzi,
eye wòƒu kpo ɖe eŋu la, anɔ abe drɔ̃e
alo ŋutega le zã me ene.
Abe ale si dɔwuitɔ kua drɔ̃e be
yele nu ɖum ene, ke ne enyɔ la, dɔwuame ganɔa anyi,
eye abe ale si ame si wum tsikɔ le la kua drɔ̃e be
yele tsi nom, ke ne enyɔ la, tsikɔ ganɔa ewum vevie ene la,
nenema ke wòanɔ na dukɔwo ƒe
ameha siwo ho aʋa ɖe Zion to la ŋuti.
Miɖo asi nu, eye newɔ nuku na mi.
Mitre ŋku, eye mizu ŋkugbagbãtɔwo.
Mimu aha, ke menye wain o,
minɔ ya mum, ke menye aha sesẽe o.
Yehowa na alɔ̃ sesẽ aɖe dze mia dzi.
Eyae tre mi nyagblɔɖilawo ƒe ŋkuwo,
eye wòtsyɔ nu ta na mi nukpɔlawo.
Ke hena miawo ya la, ŋutega sia katã menye naneke o; negbe nya siwo woŋlɔ ɖe lãgbalẽ dzi hetre enu la koe wònye. Ne mietsɔ lãgbalẽ si dzi woŋlɔ nua ɖo la na ame si ate ŋu axlẽ nu hegblɔ nɛ be, “Meɖe kuku, xlẽ nu sia nam la,” aɖo eŋu be, “Nyemate ŋui o, elabena wotre enu.” Alo ne mietsɔ agbalẽ la na ame si mate ŋu axlẽ nu o hegblɔ nɛ be, “Meɖe kuku xlẽ nu sia nam” la, aɖo eŋu be, “Nyemenya agbalẽxexlẽ o.”
Ale Aƒetɔ la gblɔ nye esi,
“Ame siawo te va gbɔnye kple woƒe nu,
eye wotsɔ woƒe nyawo de bubu ŋunye,
ke woƒe dziwo te ɖa xaa tso gbɔnye.
Subɔsubɔ si wotsɔna nam la nye amegbetɔwo
ƒe nuɖoɖo siwo wofia wo,
eya ta magana ame siawo ƒe mo nagawɔ yaa
kple nukunuwo ƒe nukunu.
Nunyalawo ƒe nunya nu ava ayi,
eye gɔmesese abu ɖe nugɔmeselawo.”
Baba na ame siwo wɔa nu si woate ŋui be
woaɣla woƒe aɖaŋudedewo ɖe Yehowa;
ame siwo wɔa woƒe dɔwo le viviti me hegblɔna be,
“Ame kae kpɔ mi? Ame kae anya?”
Mietrɔ gbo nu sia nu, eye miebu zemela
abe anyi si wòtsɔ le ze mem la ene!
Ɖe ze agblɔ na zemela be.
“Mènya naneke oa?”
Le ɣeyiɣi kpui aɖe me la,
ɖe Lebanon mazu anyigba si nyoa nuku,
eye anyigba si nyoa nuku la natrɔ azu ave oa?
Gbe ma gbe la,
tokunɔwo anɔ abe agbalẽa me nyawo ene,
eye tso blukɔ kple viviti me,
ŋkugbagbãtɔwo akpɔ nu.
Agava eme be hiãtɔwo akpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ŋu,
eye ame dahewo akpɔ dzidzɔ ɖe Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋu.
Ŋutasẽlawo nu ava yi,
fewuɖulawo maganɔ anyi o,
eye woatsrɔ̃ ame siwo katã kpɔa dzidzɔ
le nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu,
ame siwo tsɔa nya dea ame nya me wòzua agɔdzela,
ame si trea mɔ na ametaʋlila le ʋɔnu,
eye wòtsɔa aʋatsoɖaseɖiɖi dea
ame dzɔdzɔe nya mee.
Eya ta ale Yehowa, ame si ɖe Abraham, gblɔ na Yakob ƒe aƒe lae nye esi,
“Ŋu magakpe Yakob azɔ o.
Woƒe mo magatsi dãa o.
Ne wokpɔ wo viwo le wo dome;
nye asinudɔwɔwɔwo la,
woalé nye ŋkɔ kɔkɔe la me ɖe asi.
Woade dzesi Yakob ƒe kɔkɔetɔ la ƒe kɔkɔenyenye,
eye woavɔ̃ Israel ƒe Mawu la.
Ame siwo dze aglã le gbɔgbɔ me la,
gɔmesese asu wo si, eye tosẽlawo axɔ nufiafia.”
Baba na dukɔ kɔlialiatɔ la
Yehowa be,
“Baba na vi sẽto siwo dea aɖaŋu hewɔa nu
siwo nyemeɖo na wo o.
Woblaa nu nye Gbɔgbɔ manɔmee
eye wolia kɔ nu vɔ̃ ɖe nu vɔ̃ dzi!
Ame siwo mebia gbem hafi yi Egipte o,
eye wosi Farao tso hebia tso esi be
wòanye woƒe akpoxɔnu ne
woabe ɖe Egipte ƒe vɔvɔ̃li te.
Ke Farao ƒe akpoxɔnunyenye
na mi atrɔ zu ŋukpe, eye Egipte ƒe
vɔvɔlitenɔnɔ ahe vlododo vɛ na mi.
Togbɔ be woƒe amegãwo le keke Zoan,
eye woƒe ame dɔdɔwo ɖo Hanes ke hã la,
ŋu akpe ame sia ame,
elabena ame si wosi tso la mate ŋu aɖewo o.
Womaxɔ na wo alo ana kpekpeɖeŋu wo o,
negbe ŋukpe kple vlododo ko woakpɔ.”
Gbedeasi tso gbemelã siwo le gbegbe la ŋuti.
Le anyigba si dzi fukpekpe kple xaxa le,
afi si dzatatsu kple dzatanɔ,
fli kple da toaʋalawo le la,
afi mae ame dɔdɔwo tsɔa woƒe nu
xɔasiwo ɖoa tedziwo dzi
kple woƒe kesinɔnuwo ɖoa kposɔwo dzi yina
na dukɔ si mele ɖeke me o,
na Egipte dukɔ si ŋu ŋutete aɖeke mele o.
Eya ta meyɔe be Rahab, Wɔnavɔleŋutɔ.
Azɔ la, yi nàŋlɔe ɖe nuŋlɔkpe dzi na wo,
ŋlɔe ɖe agbalẽ me be wòanye ɖaseɖiɖi tegbee
hena ŋkeke siwo gbɔna.
Ame siawo nye aglãdzelawo, vi alakpatɔwo,
vi siwo mele klalo be yewoaɖo
to Yehowa ƒe nufiamewo o.
Wogblɔ na nukpɔlawo be,
“Migakpɔ ŋutega azɔ o!”
eye na nyagblɔɖilawo be,
“Migagblɔ gbedeasi si le eteƒe la na mí o.
Migblɔ nya viviwo na mí.
Migblɔ alakpanyawo ɖi.
Mite ɖa le mɔ sia dzi.
Midzo le teƒe sia, eye midzudzɔ ŋɔdzidodo na mí
kple Israel ƒe Kɔkɔetɔ la!”
Eya ta ale, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la gblɔe nye esi,
“Esi miegbe gbedeasi sia heɖo ŋu ɖe ŋutasesẽ ŋu,
eye mieku ɖe beble ŋuti ta la,
miaƒe nu vɔ̃ sia azu abe gli kɔkɔ si fe hele mumum,
eye kasia wòmu zi ɖeka gbloo la ene.
Afli kakɛkakɛ abe ze si ge hegbã gudugudu la ene.
Afli ale gbegbe be, womakpɔ kakɛ aɖeke si alolo
woatsɔ aɖe dzo le mlekpui me
alo aku tsii le zɔ me o.”
Ale Aƒetɔ Yehowa, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la gblɔe nye esi,
“Dzimetɔtrɔ kple anyinɔnɔ kpoo mee miaƒe ɖeɖe le,
eye ɖoɖoezizi kple ŋuɖoɖo ɖe eŋu mee miaƒe ŋusẽ le.
Ke miegbe wo katã.
Miegblɔ be, ‘Kpao, míado sɔwo asi’,
eya ta miasi!
‘Miegblɔ be miado sɔ ɖeablawo asi adzo.’
Eya ta mia yometilawo hã ado sɔ ɖiduwo akplɔ mi ɖo.
Ne woƒe ame ɖeka pɛ blu la miaƒe ame akpe ɖeka asi le enu,
eye ne woƒe ame atɔ̃ blu la, mi katã miasi
va se ɖe esime miasusɔ abe aflagati le to tame
kple aflaga le togbɛ dzi ene.”
Ke hã la, Yehowa le lalam vevie be yeave mia nu;
etso be yeakpɔ nublanui na mi,
elabena Yehowa nye Mawu si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe.
Woayra ame siwo katã kpɔa eƒe asinu.
O! Mi Zion nɔlawo, ame siwo le Yerusalem, miagafa avi azɔ o. Ave mia nu ne miefa avi be wòakpe ɖe mia ŋu. Ne enya see ko la, aɖo to mi. Togbɔ be Aƒetɔ la tsɔ abolo na mi le hiã me, kple tsi na mi le xaxa me hã la, miaƒe nufialawo magabe azɔ o, ke boŋ miakpɔ wo kple miaƒe ŋkuwo. Mietrɔ ɖe ɖusime o, mietrɔ ɖe miame o, miase nya siawo le miaƒe megbe be, “Esiae nye mɔ la, mizɔ edzi.” Ekema miado gu miaƒe legba siwo ŋu wofa klosalo ɖo kple miaƒe aklamakpakpɛ siwo ŋu wofa sika ɖo. Miatsɔ wo aƒu gbe abe gbelégodoe ene ahagblɔ ɖe wo ŋu be, “Mite yi xaa.”
Adɔ tsidzadza ɖa be wòade tsi nuku siwo mieƒã ɖe agble me. Nuɖuɖu si ado tso miaƒe agble me la anyo, eye wòasɔ gbɔ fũu. Le ŋkeke ma dzi la, wò nyihawo aɖu gbe le lãnyiƒe kekewo. Nyitsu kple tedzi siwo nètsɔna ŋlɔa agblee la, aɖu gbe siwo wotsɔ nu tɔxɛwo tsakae, eye wotsɔ sofi kple gaflo dzoboe. Le ŋkeke si dzi woawu ame geɖewo la, gbetakpɔxɔ kɔkɔwo amu; tɔʋumetsi asi tso to kɔkɔ ɖe sia ɖe kple togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi. Ɣleti aklẽ abe ɣe ene; Ɣe ƒe keklẽ adzi ɖe edzi zi adre, eye wòanɔ abe ŋkeke adre ƒe kekeli ene, ne Yehowa bla abi na eƒe dukɔ la, eye wòwu abi si wòde wo ŋu la na wo.
Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ŋkɔ tso adzɔge gbɔna ɖa,
eƒe dziku le bibim, eye lilikpo dodo ƒo xlãe.
Elé ŋɔdzi ɖe nu, eye eƒe aɖe nye dzobinu.
Eƒe ŋɔtimegbɔgbɔ le sisim
abe tɔʋu si ɖɔ va se ɖe ve ke ene.
Etsraa dukɔwo le gbegblẽ ƒe tsranui me,
eye wòtsɔ numega de nu me
na dukɔwo hekplɔa wo tranae.
Ekema miadzi ha le zã me
abe ŋkekenyui aɖe ɖum miele ene.
Miaƒe dziwo akpɔ dzidzɔ abe ale si wònɔna ne
wole dze kum yina ɖe Yehowa ƒe to la dzi
kple Israel ƒe Agakpe la gbɔ ene.
Yehowa ana be amewo nase eƒe gãnyenye ƒe gbe,
eye wòana woakpɔ eƒe alɔ wòaɖiɖi ɖe anyi
kple dɔmedzoe helĩhelĩ, dzo si biaa nu, ahomya,
tsidzadza sesẽ kple tsikpe.
Yehowa ƒe gbe akaka Asiria ʋayaʋaya.
Atsɔ eƒe fiatikplɔ axlã ɖe wo, woamu adze anyi.
Zi ale si Yehowa tsɔ eƒe toheti le Asiria ƒomii la,
zi nenema kee axatsɛwo kple kasaŋkuwo anɔ ɖiɖim
ne etsɔ eƒe alɔ sesẽ la le aʋa wɔm kplii le aʋagbedzi.
Wodzra afi si woatɔ dzo Tofet le la da ɖi xoxo.
Wodzrae ɖo ɖi na fia la hã.
Wowɔ eƒe dzoʋe la wògoglo hekeke.
Dzo kple nake bɔ ɖe eme.
Yehowa ƒe Gbɔgbɔ si le sisim
abe aŋɔtɔʋu ene lae atɔ dzoe.
Baba na ame siwo ɖoa ŋu ɖe Egipte ŋu
Baba na ame siwo ƒu du yi ɖe Egipte be woaxɔ na yewo;
ame siwo ɖo dzi ɖe sɔwo ŋu,
eye woɖo ŋu ɖe woƒe tasiaɖam gbogboawo ŋu,
hetsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ de sɔdolawo
ƒe ŋusẽ triakɔ la me.
Ke womeɖo ŋu ɖe Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu loo
alo be yewoabia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu o.
Ke nunyala vavã eya hã nye,
eye wòate ŋu ahe gbegblẽ vɛ.
Magbe nya si wògblɔ la dzi wɔwɔ o.
Atso ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe aƒe ŋuti
kple ame siwo kpena ɖe nu tovo
wɔlawo ŋuti la ŋu.
Ke Egiptetɔwo la, amegbetɔwo ko wonye,
menye Mawu wonye o.
Woƒe sɔwo nye ŋutilã, ke menye gbɔgbɔ o.
Ne Yehowa do eƒe asi ɖa la,
ke aɖe le ame si na kpekpeɖeŋu la te;
ame si ŋu wòkpe ɖo la hã amu adze anyi,
eye wo kple eve la katã atsrɔ̃.
Ale Yehowa gblɔ nam nye esi,
“Abe ale si dzata alo dzatavi tea gbee ne elé nu,
eye togbɔ be woyɔa alẽkplɔlawo ƒe ha katã ɖe eŋu,
gake woƒe ɣlidodo medoa ŋɔdzi nɛ o,
woƒe hoowɔwɔ hã meɖia naneke nɛ o ene la,
nenema kee Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,
aɖi va anyi ne wòawɔ aʋa le Zion to la
kple eƒe to kɔkɔwo dzi.
Abe ale si xeviwo saa agbae le yame ene la,
nenema kee Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,
atsyɔ nu Yerusalem dzie ahaxɔ nɛ.
Ato etame ayi eye wòaɖee.”
O! Israelviwo, mitrɔ va ame si ŋu miedze aglã ɖo vevie la gbɔ, elabena gbe ma gbe la, mia dometɔ ɖe sia ɖe agbe nu le klosalogba kple sikalegba siwo miaƒe asiwo wɔ hena nu vɔ̃ wɔwɔ la gbɔ.
“Asiria atsi yi si menye amegbetɔ tɔ o la nu;
yi si menye kodzogbeawo tɔ o lae atsrɔ̃ wo.
Woasi le yi nu, ke woalé woƒe ɖekakpuiwo
woawɔ dɔ dzizizitɔe.
Ŋɔdzi ana woƒe mɔ sesẽwo namu;
ne wokpɔ aʋaflaga la ko la,
dzidzi aƒo woƒe aʋakplɔlawo.”
Yehowa, ame si ƒe dzo le bibim le Zion,
eye eƒe kpodzo le Yerusalem lae gblɔe.
Dzɔdzɔenyenye ƒe fiaɖuƒe
Kpɔ ɖa, fia aɖe aɖu fia le dzɔdzɔenyenye me,
eye eƒe dumegãwo aɖu dzi le nuteƒewɔwɔ me.
Ame ɖe sia ɖe anɔ abe bebeƒe le yaƒoƒo nu
kple sitsoƒe le ahom me ene.
Anɔ abe tɔsisiwo le gbegbe
kple agakpe ƒe vɔvɔli
le kuɖiɖinyigba dzi ene.
Ekema ame siwo kpɔa nu la ƒe ŋkuwo maganye tre o,
eye ame siwo ƒe to sea nu la ƒe towo anɔ ʋuʋu.
Ame mabutamewo ƒe susu anya nu,
ase nu gɔme, eye ame siwo kukɔna la ƒe
aɖe aƒo nu tẽe eme nakɔ.
Womagayɔ bometsilawo be bubumewo,
eye womagayɔ yakamewo be ame ŋkutawo o,
elabena bometsila gblɔa bometsinya,
eye eƒe susu yɔ fũu kple nu vɔ̃ɖi.
Enɔa agbe le Mawu mavɔmavɔ me,
eye wògblɔa nya tatrawo ɖe Yehowa ŋu,
menaa nuɖuɖu dɔwuitɔwo o,
eye wotea tsi tsikɔwuitɔwo.
Yakamewo ƒe wɔnawo vɔ̃ɖi.
Woɖoa nu vɔ̃ɖiwo be woatsrɔ̃ hiãtɔwo kple alakpa,
ne hiãtɔwo ƒe nya dzɔ hã.
Ke bubume wɔa ɖoɖo siwo ŋu bubu le la,
eye bubunuwɔnawo nana wònɔa te.
Mi nyɔnu siwo ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ,
mitso ne miaɖo tom.
Mi vinyɔnuvi siwo le dziɖeɖi me.
Miɖo to nya si magblɔ!
Le ƒe ɖeka kple edzivɔ siwo gbɔna me la,
mi ame siwo ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ la miaʋuʋu.
Miaƒe wainkawo agbe tsetse,
eye atikutsetse bubuwo hã matse na mi o.
Miʋuʋu, mi nyɔnu siwo ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ;
mixa nu, mi vinyɔnuvi siwo ɖe dzi ɖi!
Miɖe miaƒe avɔwo da ɖi,
eye miasa akpanya ɖe ali.
Mifa konyi na miaƒe agble wɔnukuwo,
na miaƒe wainkpo siwo tsena nyuie,
eye na nye amewo ƒe anyigba,
anyigba si dzi ŋu kple aŋɔkawo mie ɖo.
Ɛ̃, mifa na aƒe siwo katã me dzidzɔkpɔkpɔ yia edzi le kple du sia,
si me wotua aglo le
Mɔ sesẽwo aɖi gbɔlo.
Du si me hoowɔwɔ nɔ la, azu aƒedo.
Xɔ tsralawo kple gbetakpɔxɔwo azu abe agado ene
tegbetegbe anye dzidzɔ na tedziwo
kple gbeɖuƒe na lãhawo
va se ɖe esime woakɔ Gbɔgbɔ la ɖe mia dzi tso dziƒo,
gbegbewo nagazu agbledeƒewo,
eye agbledeƒewo nadze abe ave ene.
Nuteƒewɔwɔ anɔ gbegbe,
eye dzɔdzɔenyenye anɔ agbledenyigba dzi.
Dzɔdzɔenyenye ƒe ku anye ŋutifafa,
eye dzɔdzɔenyenye ƒe metsonu anye tomefafa
kple dzideƒo tegbetegbe.
Nye amewo anɔ teƒe siwo ŋutifafa le
kple aƒe siwo me dedinɔnɔ le
kple teƒe siwo tomefafa
kple dziɖeɖi le.
Togbɔ be kpetsiwo tsrɔ̃ avewo,
eye wogbã du la gudugudu hã la,
woayra mi ne mieƒã nu ɖe tɔʋu ɖe sia ɖe to,
eye miena miaƒe nyiwo kple tedziwo ɖu gbe le ablɔɖe me.
Xaxa kple ɖeɖekpɔkpɔ
Baba na wò, o nugblẽla!
Wò ame si womegblẽ o.
Baba na wò, o ametatrɔla!
Wò ame si womede asi o.
Ne èdzudzɔ nugbegblẽ la, woagblẽ wò hã
ne èdzudzɔ ametatɔtrɔ la, woatrɔ wò hã tawò.
O! Yehowa, ve mía nu;
míele diwòm vevie.
Nye míaƒe ŋusẽ ŋdi sia ŋdi.
Nye mía ɖela le xaxaɣeyiɣiwo me.
Ne èɖe gbe la, amewo sina,
ne ètso la, dukɔwo kakana hlẽna.
O! Dukɔwo, woaƒo miaƒe nuhahawo nu ƒu
abe ale si woƒoa ŋɔviwo nu ƒue ene,
eye amewo adze wo dzi abe ale si ʋetsuviwo
ƒe ha gã aɖe dzea nu dzi ene.
Wodo Yehowa ɖe dzi,
elabena etsɔ dziƒo wɔ nɔƒee.
Atsɔ nu dzɔdzɔe wɔwɔ
kple dzɔdzɔenyenye ayɔ Zion.
Anye gɔmeɖokpe sesẽ na míaƒe ɣeyiɣiwo.
Anye nudzraɖoƒe gã na ɖeɖekpɔkpɔ,
dziƒonunya kple sidzedze, eye Yehowavɔvɔ̃
anye safui na kesinɔnu sia.
Kpɔ ɖa woƒe kalẽtɔwo le avi fam sesĩe le mɔtatawo dzi.
Ŋutifafa ƒe ame dɔdɔwo fa avi vevie.
Gbedzimɔwo ɖi gbɔlo, eye mɔzɔla aɖeke mele mɔtatawo dzi o.
Nubabla la me gblẽ.
Wodo ŋunyɔ eƒe ɖasefowo,
eye womede bubu ame aɖeke ŋuti o.
Anyigba la ƒu kplakplakpla,
eye naneke megale edzi o.
Ŋu kpe Lebanon, eye wòyrɔ sũu.
Saron le abe Araba gbegbe ene.
Basan kple Karmel lũ xɛ abe ati ene.
Yehowa be, “Matso azɔ, woadom ɖe dzi,
eye woakɔ nye alɔ ɖe dzi azɔ.
Atsakiti nye fu nèfɔ, eye nèdzi gbe ƒuƒu.
Wò gbɔgbɔ nye dzo si fia wò.
Woafiã abe akalo ene,
eye woatɔ dzo wo abe ŋuve si wolã kɔ ɖi ene.”
Mi ame siwo le adzɔge, mise nu si mewɔ.
Mi ame siwo tso kpuiƒe, mide dzesi nye ŋusẽ!
Ŋɔdzi lé nu vɔ̃ wɔla siwo le Zion,
eye vɔvɔ̃ dze Mawumavɔ̃lawo dzi, wobia be,
“Mía dometɔ kae anɔ te ɖe dzobinu la nu?
Mía dometɔ kae anɔ anyi ɖe dzo mavɔ̃ sia me.”
Ame si zɔna le dzɔdzɔenyenye me,
eye wògblɔa nu si le eteƒe,
ame si tsri viɖe si wokpɔ to amebaba me, eye mexɔa zãnu o,
ame si xe eƒe towo be magase hlɔ̃donyawo o,
ame si mia eƒe ŋkuwo
be makpɔ nu gbegblẽ wɔwɔ o.
Esiae nye ame si anɔ kɔkɔƒe,
eye eƒe bebeƒe anye mɔ sesẽ si le towo tame.
Akpɔ abolo aɖu ɖaa,
eye tsinono mahiãe o.
Wò ŋkuwo akpɔ fia la le eƒe atsyɔ̃ɖoɖo gã me,
eye àkpɔ anyigba keke la le adzɔge.
Àbu ŋɔdzinu siwo nèwɔ va yi le wò susu me be,
“Afi ka amegã ma le?
Afi ka ame si dzɔa adzɔga la le?
Afi ka amegã si kpɔa gbetakpɔxɔwo dzi la le?”
Màgakpɔ ɖokuiŋudzela mawo azɔ o,
ame siwo fiana, eye woƒe nuƒo gɔme menyasena o.
Wò ŋku nenɔ Zion dzi.
Du si me mieɖua miaƒe ŋkekenyuiwo le;
wò ŋkuwo akpɔ Yerusalem,
ŋutifafaƒe kple agbadɔ si womaɖe ɖa akpɔ o.
Womaho eƒe tsyotiwo le tome
alo alã ka siwo wohe ɖe wo ŋuti o.
Afi mae Yehowa, le eƒe ŋutikɔkɔe me,
anye míaƒe Ŋusẽtɔ le.
Anɔ abe teƒe si tɔ gbadzawo kple tɔʋuwo le la ene.
Tɔdziʋu siwo wokuna kple tablu la,
made afi ma o
eye meli gã aɖeke hã mato edzi ayi o,
elabena Yehowae nye míaƒe ʋɔnudrɔ̃la.
Yehowae nye ame si wɔ sewo na mí,
eye Yehowae nye míaƒe fia.
Eyae nye ame si aɖe mí.
Wò abaladokawo me gbɔdzɔ;
womebla wò abaladotiawo sesĩe o;
ale wò abalawo me meke o,
eya ta woama afunyinu gbogboawo,
eye tekunɔwo gɔ̃ hã atsɔ nuhahawo adzoe.
Ame siwo le Zion la dometɔ aɖeke magblɔ be,
“Mele dɔ lém” o,
eye woatsɔ ame siwo le afi ma la ƒe nu
vɔ̃wo ake wo.
Ʋɔnudɔdrɔ̃ dukɔwo
Mite va, mi dukɔwo;
miɖo to afii, miƒu to anyi, mi amewo!
Mina be anyigba kple edzinuwo katã nasee,
eye xexea me kple emenuwo katã hã nasee!
Yehowa do dziku ɖe dukɔwo katã ŋu,
eye eƒe dɔmedzoe bi ɖe woƒe asrafowo ŋu.
Atsrɔ̃ wo gbidigbidi
ahatsɔ wo ade asi be woawu.
Woatsɔ woƒe Ame tsiaʋawo aƒu gbe.
Woƒe ŋutilã kukuawo aƒaƒã anɔ ʋeʋẽm
eye towo aƒo woƒe ʋu bekee.
Ɣletivi siwo katã le dziŋgɔli ŋu la alolo,
eye woaŋlɔ dziŋgɔli abe lãgbalẽ ene.
Dziƒoŋunuwo katã age adze anyi
abe ale si aŋgbawo dudunae le wainka ŋu
alo abe ale si aŋgba yrɔna hegena le gboti dzi ene.
Nye yi no nu ɖi kɔ le dziƒo.
Kpɔ ɖa eɖiɖi kple ʋɔnudɔdrɔ̃ ɖe Edom dzi;
ame siwo metsrɔ̃ gbidigbidi.
Yehowa ƒe yi ƒo ʋu bekee, eye ami bla ɖe eŋu.
Alẽviwo kple gbɔ̃wo ƒe ʋu le eŋu,
hekpe ɖe ami si bla ɖe agbowo ƒe ayiku ŋu,
elabena Yehowa ɖu vɔsaŋkekenyui le Bozra,
eye wòwu lã geɖewo le Edom.
To wɔadãwo atsrɔ̃ akpe ɖe wo ŋu,
nenema kee nye nyitsu viwo kple nyitsu gãwo hã.
Ʋu asi to woƒe anyigba dzi bababa,
eye lãwo ƒe ami aƒo anyigba bekee,
elabena hlɔ̃biagbe le Yehowa si,
ƒe si me wòaxe nu vɔ̃ ŋu fe,
eye wòatso afia na Zion.
Edom ƒe tɔsisiwo me aƒu kplakplakpla.
Ke si le anyigba la abi abe aŋɔe lé dzo ene,
eye eƒe anyigba katã abi abe gbe ƒuƒu ene.
Dzo la matsi o, zã kple keli, eye eƒe dzudzɔ ade dzi boo.
Abi gbegbe tso dzidzime yi dzidzime,
eye ame aɖeke magato afi ma ayi akpɔ gbeɖe o.
Azu nɔƒe na adzexewo.
Afi ma akpaviã kple xe bubuwo awɔ atɔ ɖo.
Mawu atsɔ eƒe dzidzeka aɖo Edom ŋuti,
eye wòada wo le gbegblẽ masɔmasɔ ƒe nudanu me.
Naneke maganɔ anyi na woƒe bubumewo,
woayɔ be fiaɖuƒe o.
Woƒe dumegãwo hã nu ava ayi.
Ŋu avu atsyɔ woƒe fiasã kɔkɔwo dzi,
gbe fieŋuiwo kple aŋɔkawo amie ɖe woƒe mɔ sesẽwo me,
eye anyigba la azu nɔƒe na asilãwo kple aƒe na golowo.
Gbemelã vovovowo ado go kple amegaxiwo,
eye gbedzigbɔ̃wo axlɔ̃ na wo nɔewo le afi ma.
Anye nɔƒe na xe siwo nɔa zã me
eye woakpɔ gbɔɖeme na wo ɖokuiwo le afi ma.
Adzexe awɔ atɔ, aɖa azi ɖe eme le afi ma, aƒo vi,
akpɔ viawo dzi, eye wòatsɔ eƒe aʋalawo atsyɔ wo dzi.
Afi siae akagawo aƒo ƒu ɖo,
atsu kple asi.
Mikpɔ Yehowa ƒe agbalẽ me, eye mixlẽ nu sia.
Nu siawo dometɔ aɖeke mabu o,
ɖeke manɔ anyi, atsu alo asi o,
elabena eƒe nue de se sia,
eye eƒe Gbɔgbɔ aƒo wo nu ƒu.
Edzidze woƒe gomekpɔkpɔwo na wo.
Eƒe asie wòtsɔ ma nu si wòdzidze la na wo.
Azu wo tɔ tegbee,
eye woanɔ afi ma tso dzidzime yi dzidzime.
Ame siwo woɖe la ƒe dzidzɔkpɔkpɔ
Gbegbe kple anyigba si ƒu kplakplakpla la akpɔ dzidzɔ.
Gbedadaƒo atso aseye ahaƒo se abe dzogbenya ene, aƒo se, atso aseye, eye wòado dzidzɔɣli.
Woagbugbɔ Lebanon ƒe ŋutikɔkɔe nɛ,
Karmel ƒe lãnyiƒe kple Saron ƒe gbe dama
ƒe atsyɔ̃ agatrɔ ava na wo,
eye woakpɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe
kple míaƒe Mawu la ƒe atsyɔ̃.
Do ŋusẽ asi beliwo, eye nàli ke klo siwo le ƒoƒom la;
migblɔ na ame siwo ƒe dzi le vɔvɔ̃m be,
“Misẽ ŋu, migavɔ̃ o.
Miaƒe Mawu la gbɔna.
Ava kple hlɔ̃biabia kple teƒeɖoɖo,
eye wòaɖe mi.”
Ekema ŋkugbagbãtɔwo ƒe ŋkuwo aʋu,
eye tokunɔwo ƒe towo aʋu.
Tekunɔ ati kpo abe zi ene,
eye aɖetututɔ ado dzidzɔɣli,
Tɔsisi aŋɔ ɖe gbegbe,
eye tɔʋuwo asi tso gbedadaƒo.
Blezibleziteƒewo atrɔ azu tsita
eye anyigba si ƒu kplakplakpla la agbɔ agbe kple tometsi.
Teƒe siwo nye amegaxiwo nɔƒe tsã la atrɔ azu lãnyiƒe azɔ,
eye aƒlawo kple ati si ƒe aŋgbawo dzi
woŋlɔa nu ɖo tsã la amie ɖe afi ma.
Mɔtata gbadza aɖe anɔ afi ma.
Woayɔe be kɔkɔenyenye ƒe mɔ.
Ame makɔmakɔwo mazɔ mɔ sia dzi o.
Anye toƒe na ame siwo zɔna le mɔ ma dzi.
Gegemewo gɔ̃ hã matra le edzi o.
Dzata alo lã wɔadã aɖeke mazɔ afi ma o.
Womakpɔ wo dometɔ aɖeke le afi ma o.
Ke ame siwo woɖe la koe azɔ afi ma.
Ame siwo Yehowa xɔ ƒle la koe atrɔ gbɔ.
Woatsɔ hadzidzi age ɖe Zion;
woatsɔ dzidzɔ mavɔ aɖo atsyɔ̃ na woƒe tawo.
Dzidzɔ kple aseyetsotso adze wo ŋgɔ,
eye nuxaxa kple hũɖeɖe maganɔ anyi o.
Senakerib do ŋɔdzi na Yerusalem
Le Fia Hezekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienelia me la, Asiria fia, Senakerib ɖe to ɖe Yuda du siwo katã woglã la, eye wòɖu wo dzi. Emegbe la, Asiria fia dɔ eƒe aʋafia kple aʋakɔ gã aɖe tso Lakis ɖo ɖe Fia Hezekia le Yerusalem. Esi aʋafia la kple eŋumewo va tɔ ɖe Dzigbeta la ƒe tɔʋu to, le mɔ si ɖo ta avɔnyala ƒe nunyaƒe la, Hilkia ƒe vi, Eliakim, ame si nye fiasã la ƒe dɔdzikpɔla, Sebna, agbalẽŋlɔla kple Asaf ƒe vi, Yoa, si nye nuŋlɔla la do go yi ɖakpee.
Aʋafia la gblɔ na wo be, “Gblɔ na Hezekia be:
“ ‘Ale Asiria fia, fiagã la gblɔe nye esi: Nu ka dzi nètu wò dzideƒo sia ɖo? Ègblɔ be, aʋawɔmɔnu tɔxɛwo kple aʋawɔwɔ ƒe ŋusẽ le asiwò, ke nya ƒuƒluwo ko gblɔm nèle. Ame ka ŋu nèle ŋu ɖom ɖo hafi dze aglã ɖe ŋunye? Kpɔ ɖa, èle ŋu ɖom ɖe Egipte, aƒla ŋeŋe, atizɔti ma ŋu. Esi ne ame aɖe ziɔ ɖe eŋu la, aŋɔ asi nɛ ahade abi eŋu. Nenemae nye Egipte fia, Farao, na ame sia ame si aɖo ŋu ɖe eŋu. Ke ne ègblɔ nam be, “Yehowa, miaƒe Mawu la ŋue miele ŋu ɖom ɖo la,” ɖe menye eya ƒe nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwoe Hezekia gbã hegblɔ na Yuda kple Yerusalem be, “Ele na mi be miasubɔ le vɔsamlekpui sia ŋgɔ oa?”
“ ‘Va azɔ nàtso gbe kple nye amegã, Asiria fia. Matsɔ sɔ akpe eve na wò, ne ànya kpɔ edolawo ko. Ekema aleke nàte ŋu anya nye amegã ƒe dɔla si nye suetɔ, togbɔ be nèle ŋu ɖom ɖe Egipte ŋu be woakpe ɖe ŋuwò kple tasiaɖam kple sɔwo? Gawu la, ɖe meva be madze anyigba sia dzi, ahatsrɔ̃e Yehowa manɔmea? Yehowa ŋutɔe gblɔ nam be maho aʋa ɖe dukɔ sia ŋuti ne matsrɔ̃e.’ ”
Tete Eliakim, Sebna kple Yoa gblɔ na aʋafia la be, “Míeɖe kuku, ƒo nu na wò dɔlawo le Aramgbe me, elabena míese Aramgbe. Mègaƒo nu na mi le Hebrigbe me o. Ne menye nenema o la, ame siwo nɔ anyi ɖe glia dzi la ase wò nyawo gɔme.”
Aʋafiagã Rabsaki ɖo eŋu na wo be, “Ɖe wobe miaƒe amegã kple miawo gbɔ ko nye amegã ɖom ɖo be magblɔ nya siawo na, eye ame siwo le glia dzi la mele eme oa? Woawo kple miawo siaa, miaɖu miawo ŋutɔ ƒe afɔdzi, eye miano miawo ŋutɔ ƒe aɖuɖɔ.”
Tete aʋafiagã la te va hedo ɣli gblɔ le Hebrigbe me be, “Mise Asiria fia, fiagã la ƒe nyawo! Ale fia la gblɔe nye esi, migana Hezekia nable mi o. Mate ŋu aɖe mi o! Migana Hezekia nable mia nu be, miɖo dzi ɖe Yehowa ŋu o, esime wògblɔ be, ‘Yehowa aɖe mi godoo; womatsɔ du sia ade asi na Asiria fia o.’
“Migaɖo to Hezekia o. Ale Asiria fia gblɔe nye esi: ‘Mido va gbɔnye, miawɔ ŋutifafa kplim.’ Ekema ame sia ame aɖu eƒe waintsetse kple gbotsetse, eye wòano eya ŋutɔ ƒe vudometsi va se ɖe esime mava akplɔ mi ayi anyigba si ɖi mia tɔ la dzi, anyigba si dzi bli kple wain yeye, abolo kple waingblewo bɔ ɖo.
“Migana Hezekia nable mi esi wògblɔ be, ‘Yehowa aɖe mi’ o. Ɖe dukɔ aɖe ƒe Mawu te ŋu ɖe eƒe anyigba tso Asiria fia ƒe asi me kpɔa? Afi ka Hamat kple Arpad ƒe mawuwo le? Afi ka Sefarvaim ƒe mawuwo le? Ɖe wote ŋu xɔ Samaria le asinyea? Ke mawuwo dometɔ kawoe le dukɔ siawo katã me si te ŋu ɖe eƒe anyigbawo tso nye asi me kpɔ hafi Yehowa ya ate ŋu aɖe Yerusalem tso nye asimea?”
Ke ameawo katã zi ɖoɖoe, eye womeɖo nya aɖeke ŋu nɛ o, elabena fia la de se na wo be, “Migaɖo eŋu nɛ o.”
Tete Hilkia ƒe vi, Eliakim, fiasã la dɔdzikpɔla, agbalẽŋlɔla Sebna kple Asaf ƒe vi, Yoa, si nye nuŋlɔla la dze awu le wo ɖokuiwo ŋu heyi Fia Hezekia gbɔ, eye wogblɔ nu siwo katã aʋafiagã la gblɔ la nɛ.
Nyagblɔɖi tso Yerusalem ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ŋuti
Esi fia Hezekia se nya siawo la, edze eƒe awuwo, eye wòta akpanya heyi Yehowa ƒe gbedoxɔ me. Emegbe la, edɔ eƒe dɔnunɔla, Eliakim kple eƒe agbalẽŋlɔla Sebna kple nunɔla tsitsiwo dometɔ aɖewo, ame siwo katã hã ta akpanya, eye woyi ɖe Nyagblɔɖila Yesaya, Amoz ƒe vi la gbɔ. Wogblɔ nɛ be, Ale fia Hezekia gblɔe nye esi: “Egbee nye xaxa, mokaka kple vlodogbe. Enye ɣeyiɣi sesẽ abe nyɔnu si vi ɖo atame na be wòadzi, gake ŋusẽ mele eŋu be woasii adzi o la ene. Ɖewohĩ Yehowa, wò Mawu la ase nya siwo aʋafia, si eƒe aƒetɔ Asiria fia dɔ la gblɔ. Ame si wòdɔ be woaɖe alɔme le Mawu gbagbe la ŋu, eye wòaka mo nɛ ɖe nya siwo Yehowa, wò Mawu la se ta. Eya ta do gbe ɖa ɖe ame mamlɛ siwo tsi agbe la ta.”
Esi fia Hezekia ƒe ame dɔdɔwo va Yesaya gbɔ la, Yesaya gblɔ na wo be, “Migblɔ na miaƒe aƒetɔ be, ‘Nu si Yehowa gblɔe nye esi: migavɔ̃ nu si miese, busunya siwo Asiria fia teviwo gblɔ ɖe ŋutinye la o. Ɖo to afii: mele gbɔgbɔ aɖe de ge eme, ale be ne nutsotso aɖewo va ɖo egbɔ la, atrɔ ayi ɖe eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi, eye le afi ma, mana wòatsi yi nu.’ ”
Esi aʋafia la se be Asiria fia dzo le Lakis la, eya hã ho dzo, eye wòke ɖe fia la ŋu wònɔ aʋa wɔm kple Libna.
Azɔ gbe va na Senakerib be, Tirhaka, Kus fia, si le Egipte ƒe dzigbeme lɔƒo la ho aʋa gbɔna edzi dze ge. Esi wòse nya sia la, edɔ amewo ɖo ɖe fia Hezekia gbɔ be woagblɔ nɛ be, “Migblɔ na Hezekia, Yuda fia be, ‘Mègana mawu si ŋu nèle ŋu ɖom ɖo la nable wò o,’ esi wògblɔ be, ‘Womatsɔ Yerusalem ade asi na Asiria fia o.’ Meka ɖe edzi be, èse nu siwo Asiria fiawo tu kple dukɔwo katã, eye wotsrɔ̃ wo gbidigbidi. Ke woaɖe wò ya? Ɖe dukɔ siwo mía fofowo tsrɔ̃ va yi la ƒe mawuwo te ŋu ɖe woa? Ɖe Gozan, Haran, Rezef kple Edentɔ siwo le Tel Asar la ƒe mawuwo ɖe woa? Afi ka Hamat fia le, afi ka Arpad fia le, afi ka Sefarvaim dua ƒe fia le, eye afi ka Hena kple Iva ƒe fiawo le?”
Hezekia ƒe gbedodoɖa
Hezekia xɔ agbalẽ la le ame dɔdɔawo si hexlẽe. Etso heyi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me, eye wòkeke agbalẽ la ɖe Yehowa ŋkume. Emegbe la, edo gbe ɖa na Yehowa be: “O! Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu, ame si nɔ kerubiwo dome, wò koe nye Mawu ɖe anyigbadzifiaɖuƒewo katã dzi. Wòe wɔ dziƒo kple anyigba. O! Yehowa, ƒu to anyi, eye nàse nu. Ʋu wò ŋkuwo, eye nàkpɔ nu. Se nya siwo katã Senakerib tsɔ do vlo Mawu gbagbe lae ɖa.
“O! Yehowa, enye nyateƒe be Asiria fiawo na be ame siawo kple woƒe anyigbawo zu gbegbe. Wotsɔ woƒe mawuwo ƒu gbe ɖe dzo me hetsrɔ̃ wo, elabena menye mawuwo wonye o, ke boŋ ati kple kpe wonye, amegbetɔ ƒe asinudɔwɔwɔwoe. Ke azɔ, O! Yehowa, mía Mawu, ɖe mí tso eƒe asi me be fiaɖuƒe siwo katã le anyigba dzi la nanya be wò koe nye Yehowa.”
Senakerib ƒe anyidzedze
Yesaya, Amoz ƒe vi, ɖo gbedeasi sia ɖe Hezekia be, “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi, ‘Esi nèdo gbe ɖa nam tso Senakerib, Asiria fia ŋuti ta la, esia nye nya si Yehowa gblɔ ɖe eŋuti.’
“Zion vinyɔnu si menya ŋutsu o
la gbe nu le gbɔwò, eye wòɖu fewu le ŋuwò.
Yerusalem vinyɔnu
ɖo hehe ɖe tawò esi nèlé du tsɔ.
Ame ka nèdzu hegblɔ busunyawo ɖe eŋuti?
Ame ka ta nèle ɣli dom ɖo,
eye ame ka nètre ŋku kpɔe dadatɔe?
Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋutie!
To wò ame dɔdɔwo dzi nèɖe alɔme
le Aƒetɔ la ŋu hegblɔ be,
‘Metsɔ nye tasiaɖamwo,
lia yi towo tame ke,
yi keke Lebanon tame ke.
Melã eƒe sedati kɔkɔwo kple
eƒe avemeti nyuitɔwo,
meyi eƒe teƒe kɔkɔtɔ kekeake afi si
eƒe ave dodowo le.
Meɖe vudo ɖe dzronyigbawo dzi,
eye meno wo me tsi le afi ma.
Mena Egipte tɔʋuwo mie
le nye afɔ te.’
“Mèsee do ŋgɔ oa?
Megblɔ nu sia da ɖi tso blema ke.
Mewɔ ɖoɖo ɖe eŋu tso gbe aɖe gbe ʋĩi;
ke azɔ la, mena wòva eme be, du siwo ŋu
woɖo gli sesẽwo
ɖo la zu anyiglago.
Èxɔ ŋusẽ le dua me nɔlawo si.
Woƒe mo wɔ yaa, eye ŋu kpe wo.
Wole abe nukuwo le agble dzi ene,
nu miemie fɛ̃wo le bo dzi
kple gbe siwo mie ɖe xɔ tame la ene.
Ŋdɔ sesẽ ɖu wo,
eye woyrɔ le esime wometsi o.
“Ke menya afi si nèle.
Menya ɣeyiɣi si nèdona gagbɔna,
eye menya ale si nèdo dɔmedzoe ɖe ŋunye.
Esi nèdo dɔmedzoe ɖe ŋutinye,
eye wò amemabumabu va ɖo nye to me ta la,
matsɔ nye lãɖeƒu ade ŋɔti me na wò,
made numega nu me na wò,
eye mana mɔ si nèto va
la nàgato eya ke dzi adzo.
“O! Hezekia, esia anye dzesi na wò:
“Ƒe sia me la, àɖu nuku
si mie le eya ŋutɔ ɖokui si,
eye le ƒe evelia me la,
àɖu nu si mie tso gbãtɔ me.
Ke le ƒe etɔ̃lia me la, àƒã nu, eye àxa nu.
Àde waingble eye àɖu eƒe tsetsea
Ava eme be ame siwo susɔ na Yuda ƒe
aƒe la woato ke, eye woatse ku,
elabena ame aɖewo asusɔ tso Yerusalem nɔlawo dome,
eye ame siwo tsi agbe la ado tso Zion to la dzi,
Yehowa Ŋusẽkatãtɔ ƒe didi vevie
ana esia nava eme.
“Eya ta ale Yehowa gblɔ ɖe Asiria fia ŋue nye esi,
“Mage ɖe du sia me alo ada aŋutrɔ ɖeka pɛ le afi sia o.
Mava afi sia kple akpoxɔnu
alo aƒu kpo ɖe du sia ŋuti o.
Mɔ si wòto va la, eya ke dzie wòato adzo.
Mage ɖe du sia me akpɔ gbeɖe o.”
Yehowae gblɔe.
“Maʋli du sia ta aɖee le nye ŋutɔ kple David,
nye dɔla ta!”
Emegbe la, Yehowa ƒe dɔla yi ɖe Asiriatɔwo ƒe aʋasaɖa la me hewu ame akpe alafa ɖeka kple blaenyi-vɔ-atɔ̃. Esi amewo fɔ ŋdi la, kpɔ ɖa, ame kukuwo sɔŋ ko wokpɔ. Ale Asiria fia, Senakerib kaka asaɖa la, eye wòho dzo. Etrɔ yi Ninive, eye wònɔ afi ma.
Gbe ɖeka esi wònɔ gbe dom ɖa le eƒe mawu, Nisrɔk ƒe gbedoxɔ me la, via ŋutsu eve, Adramelek kple Sarezer, wowui kple yi hesi yi Ararat eye via Esarhadon ɖu fia ɖe eteƒe.
Hezekia ƒe dɔléle
Le ŋkeke mawo me la, Hezekia dze dɔ, eye wòɖo kudo nu. Nyagblɔɖila Yesaya, Amoz ƒe vi, yi egbɔ, eye wògblɔ nɛ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi, ‘Ɖɔ wò aƒe ɖo, elabena èle kuku ge, eye màhaya o.’ ”
Hezekia trɔ mo ɖo ɖe gli ŋu, eye wòdo gbe ɖa, ɖe kuku na Yehowa be, “O! Yehowa, ɖo ŋku ale si metsɔ dzi blibo kple nyateƒe zɔ le ŋkuwò mee, eye mewɔ nu si nyo le ŋkuwòme la dzi.” Eye Hezekia fa avi kple ɣli.
Tete Yehowa ƒe gbe va na Yesaya be: “Yi nàgblɔ na Hezekia be, ‘Ale Yehowa, fofowò David ƒe Mawu la gblɔe nye esi, “Mese wò gbedodoɖa, eye mekpɔ wò aɖatsiwo. Matsɔ ƒe wuiatɔ̃ akpe ɖe wò agbenɔƒewo ŋu.” Maɖe wò kple du sia tso Asiria fia ƒe asi me. Maʋli du sia ta.
“ ‘Esiae nye Yehowa ƒe dzesi na wò, be Yehowa awɔ nu si ŋugbe wòdo. Mana be vɔvɔli nagbugbɔ ɖe megbe ɖoƒe ewo tso Ahaz ƒe ɣetrɔti gbɔ.’ ” Ale ɣe ƒe vɔvɔli he ɖe megbe ɖoƒe ewo.
Esiae nye Yuda fia, Hezekia, ƒe nyaŋlɔɖiwo, esi wòhaya tso eƒe dɔléle la me vɔ megbe:
Megblɔ be, “Le nye agbe ƒe kekeli me,
ɖe mato ku ƒe agbowo me,
eye woaxɔ nye agbemeŋkeke mamlɛawo le asinyea?”
Megblɔ be, “Nyemagakpɔ Yehowa o.
Nyemagakpɔ Yehowa le agbagbeawo ƒe anyigba dzi o;
nyemagakpɔ amegbetɔwo alo anɔ anyi
kple ame siwo le xexe sia me o.
Womu nye agbadɔ hexɔe le asinye
abe ale si wowɔa alẽkplɔla ƒe agbadɔe ene.
Abe ale si avɔlɔ̃la ŋlɔa eƒe avɔe heɖenɛ tso agbati me ene la,
nenemae meŋlɔ nye agbee, eye nèna nye agbe wu enu zã kple keli.
Melala dzigbɔɖitɔe va se ɖe fɔŋli,
gake èŋe nye ƒuwo abe dzata ene,
eye zã kple keli nèna nye agbe wu enu.
Medo ɣli abe sagbadre alo tsalĩ ene,
eye mele xɔxlɔ̃m abe ahɔnɛ si tsi akogo ene.
Nye ŋkuwo dzi wɔ dɔ̃ɔ esi mewu mo dzi le dziƒo kpɔm.
O! Aƒetɔ, mele nu xam, va nàkpe ɖe ŋutinye.”
Nu ka gblɔ ge mala? Egblɔ nya nam,
eye eya ŋutɔ wɔ ɖe edzi.
Eya ta mazɔ ɖokuibɔbɔtɔe.
Le nye agbemeŋkekewo katã me,
le nye luʋɔ ƒe vevesese ta.
O! Aƒetɔ, nu siawo ŋue amewo nɔa agbe ɖo,
eye nye hã nye gbɔgbɔ kpɔ agbe le wo me.
Èna mehaya, eye nègana mele agbe.
Le nyateƒe me la, nye nyonyo tae
nèna meto vevesese mawo me.
Wò lɔlɔ̃ na be nèɖem tso gbegblẽ ƒe do globo me,
eye nètsɔ nye nu vɔ̃wo ƒu gbe ɖe megbe wò.
Elabena yɔdo mate ŋu akafu wò o,
ku mate ŋu adzi kafukafuhawo na wò o,
eye ame siwo yi aʋlime la mate ŋu
akpɔ mɔ na wò nuteƒewɔwɔ o.
Ame gbagbewo koe akafu wò
abe ale si mele wɔwɔm egbe ene,
eye fofowo agblɔ wò nuteƒewɔwɔ na wo viwo.
Yehowa aɖem, eye míadzi ha
kple kasaŋkuwo le míaƒe agbemeŋkekewo katã me,
le Yehowa ƒe gbedoxɔ me.
Azɔ Yesaya gblɔ be, “Mitsɔ gbotsetse miaɖu, atikee. Mitsɔe ɖo ƒoƒoea dzi nɛ ekema ahaya.”
Hezekia bia be, “Nu kae anye dzesi be magayi Yehowa ƒe gbedoxɔ me?”
Ame dɔdɔwo tso Babilonia
Le ɣe ma ɣi la, Marduk Baladan, si nye Babilonia fia Baladan ƒe vi la dɔ amewo ɖa be woatsɔ agbalẽ kple nunana ayi na Hezekia elabena ese eƒe dɔdzedze kple hayahaya. Hezekia xɔ ame dɔdɔawo kple dzidzɔ, eye wòtsɔ nu siwo katã le eƒe nudzraɖoƒe la fia wo; esiwo nye klosalo, sika, atike ʋeʋĩwo, ami tɔxɛwo, aʋawɔnu siwo katã le esi kple nu sia nu si le eƒe kesinɔnuwo dzraɖoƒe. Naneke mele fiasã alo fiaɖuƒe blibo la me si Hezekia mefia wo o.
Emegbe la, Nyagblɔɖila Yesaya yi ɖe Fia Hezekia gbɔ ɖabiae be, “Nya ka ame siawo gblɔ, eye afi ka wotso?”
Hezekia ɖo eŋu be, “Wotso anyigba didi aɖe dzi, tso keke Babilonia.”
Nyagblɔɖila la biae be, “Nu ka wokpɔ le wò fiasã me?”
Hezekia ɖo eŋu be, “Wokpɔ nu sia nu si le nye fiasã la me. Naneke mele nye kesinɔnuwo dome si nyemefia wo o.”
Tete Yesaya gblɔ na Hezekia be, “Ɖo to nya si Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ. Ŋkekewo li gbɔna, esiwo me nu sia nu si le wò fiasã me, kpe ɖe nu siwo katã fofowòwo dzra ɖo ŋu la, woalɔ wo katã ayi ɖe Babilonia. Naneke masusɔ o. Yehowae gblɔe. Wò dzidzimevi aɖewo kple vi siwo wodzi na wò ŋutɔ hã, woakplɔ wo adzoe, eye woazu ŋutsu tata siwo anye aƒedzikpɔlawo le Babilonia fia ƒe fiasã me.”
Hezekia ɖo eŋu be, “Yehowa ƒe nya siwo nègblɔ la nyo,” elabena esusu be, “Ŋutifafa kple dedinɔnɔ anɔ yeƒe agbemeŋkekewo me.”
Akɔfafa na Mawu ƒe amewo
Mifa akɔ, mifa akɔ na nye amewo,
miaƒe Mawu lae gblɔe.
De dzi ƒo na Yerusalem, eye nàgblɔ nɛ be,
eƒe dɔ sesẽ wɔwɔ wu enu.
Woxe fe ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta be ekpɔ teƒeɖoɖo eve
tso Yehowa gbɔ ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta.
Ame si le ɣli dom le gbea dzi ƒe gbe enye esi:
“Midzra Yehowa ƒe mɔ ɖo le gbegbe.
Mita mɔ dzɔdzɔe ɖe gbedadaƒo na miaƒe Mawu la.
Balimewo katã akɔ kpo, eye woabɔbɔ to
kple togbɛ ɖe sia ɖe ɖe anyi;
anyigba tsakliwo katã azu zɔzrɔ̃e,
eye teƒe siwo katã kɔ kpo la azu sɔsɔe.
Woaɖe Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe go,
eye amegbetɔƒomea katã akpɔe,
elabena Yehowa ƒe nue gblɔe.”
Gbe aɖe ɖi be, “Ɖe gbeƒã!”
eye mebia be, “Nu ka ƒe gbeƒã maɖe?”
“Amegbetɔwo katã le abe gbe ene,
eye woƒe atsyɔ̃ le abe seƒoƒo le gbe me ene.
Gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna,
elabena Yehowa ƒe gbɔgbɔ gbɔ ɖe wo dzi.
Vavãe amewo katã le abe gbe ene.
Gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna,
ke miaƒe Mawu ƒe nya nɔa anyi tegbee.”
Wò ame si tsɔ du nyui vɛ na Zion,
lia to kɔkɔ aɖe.
Wò ame si tsɔ du nyui vɛ na Yerusalem, kɔ wò gbe dzi nàdo ɣli,
kɔ gbe dzi, mègavɔ̃ o;
gblɔ na Yuda ƒe duwo be,
“Miaƒe Mawue nye esi!”
Kpɔ ɖa, Aƒetɔ Mawu gbɔna kple ŋusẽ,
eye eƒe abɔ le dzi be yeaɖu fia.
Kpɔ ɖa, eƒe fetu kpe ɖe eŋuti,
eye eƒe teƒeɖoɖo hã kpe ɖe eŋuti.
Anyi eƒe alẽhawo abe alẽkplɔla ene;
alé alẽviawo ɖe abɔdome,
alé wo ɖe eƒe akɔnu,
eye wòakplɔ alẽnɔwo kple beléle.
Ame kae dzidze tsi ɖe eƒe asiʋlome
alo tsɔ eƒe asi ƒe kekeme dzidze dziƒoe?
Ame kae lɔ ke si le anyigba la ɖe nudonu me
alo da towo le nudanu me
kple togbɛwo le nudanu dzi?
Ame kae ase Yehowa ƒe susu gɔme
alo anye eƒe aɖaŋudela aɖo aɖaŋu nɛ?
Ame ka gbɔ Yehowa yi be wòaɖe nugɔme nɛ
alo wòafia mɔ dzɔdzɔetɔe?
Ame kae fia nunya alo gɔmesese ƒe mɔe?
Vavãe dukɔwo le abe tsi si ge toŋtoŋ tso tɔkpo me ene,
wobu wo abe ʋuʋudedi le nudanu dzi ene,
eye wòda ƒukpowo le nudanu dzi
abe ʋuʋudedi ko wonye ene.
Lebanon ƒe avemetiwo mesɔ gbɔ
woatsɔ awɔ nakee ado dzoe le vɔsamlekpui dzi o,
eye eƒe lãhawo hã mesɔ
gbɔ ade numevɔsawo nu o.
Dukɔwo katã menye naneke le eƒe ŋkume o.
Ebua wo abe nu maɖinuwo ko ene, eye wonye tofloko.
Ekema ame ka míatsɔ asɔ kple Mawu,
eye nɔnɔme ka míatsɔ asɔ kplii?
Legba nye aɖaŋuwɔla ƒe nuwɔwɔ.
Sikanutulae tsɔ sika fa ɖe eŋu,
eye wòtsɔ klosalo wɔ kɔsɔkɔsɔ de nɛ.
Ame dahe si, si nu siawo mele o la
wɔa ati si megblẽna o la ŋu dɔ.
Edia atikpala si aɖaŋu le mo na be
wòakpa aklamakpakpɛ,
eye wòalii be mamu adze anyi o.
Ɖe mienya oa? Ɖe miesee oa?
Ɖe womegblɔe na mi tso gɔmedzedzea me ke oa?
Ɖe miese egɔme tso anyigba
ƒe gɔmeɖoanyiɣi ke oa?
Eyae nye ame si nɔ fiazi dzi le xexea me godoo tame,
eye anyigbadzinɔlawo le abe abɔwo ene le ete.
Ekeke dziƒowo abe avɔ ene,
eye wòwɔe abe avɔgbadɔ si me wonɔna la ene.
Eɖea bubu le amegãwo dzi,
eye wòwɔa xexe sia me dziɖulawo
wozua nu maɖinuwo.
Womekpɔ do wo o, womekpɔ ƒã wo o,
womekpɔ to ke ɖe anyigba me o,
kasia egbɔ ɖe wo dzi,
woyrɔ, eye ya va kplɔ wo dzoe abe atsa ene.
Kɔkɔetɔ la be, “Ame ka miatsɔm asɔ kplii
alo ame kae sɔ kplim?”
Miwu mo dzi ne miakpɔ dziƒo.
Ame ka wɔ nu siawo katã?
Ame si ɖe dziƒoŋunuwo ɖe go ɖekaɖeka,
eye wòna ŋkɔ ɖe sia ɖe lae.
Le eƒe ŋusẽ triakɔ kple eƒe alɔ sesẽ la ta,
mena ɖeke bu le wo dome o.
O! Yakob, nu ka ta nègblɔ ale, eye O! Israel,
nu ka ta nègblɔ be,
“Nye mo ɣla ɖe Yehowa, eye nye Mawu
metsɔ ɖeke le nye nyawo me o?”
Ɖe mènyae oa? Ɖe mèsee oa?
Yehowae nye Mawu mavɔtɔ la.
Eyae nye anyigba ƒe seƒe ke Wɔla.
Ɖeɖi metea eŋu alo nu tia kɔ nɛ o.
Eƒe nugɔmesese goglo.
Ame aɖeke mate ŋu adzro eme akpɔ o.
Ena ŋusẽ ame siwo ŋu ɖeɖi te,
eye wòdoa ŋusẽ ame siwo gbɔdzɔ.
Nu tia kɔ na sɔhɛwo gɔ̃ hã, eye wogbɔdzɔna.
Nenema ke ŋusẽ vɔna le ɖekakpuiwo ŋu,
eye wodzea anyi,
gake ame siwo kpɔa mɔ na Yehowa la
ƒe ŋusẽ gaɖoa yeye me.
Woadzo ayi dzi abe hɔ̃wo ene.
Woaƒu du, gake ɖeɖi mate wo ŋu o.
Woazɔ azɔli, gake nu mati kɔ na wo o.
Israel ƒe kpeɖeŋutɔ
“Mi ƒukpowo, mizi ɖoɖoe le ŋkunye me!
Ŋusẽ yeye neɖo dukɔwo ŋu!
Mina woava ŋgɔ hafi woaƒo nu.
Mina miado go le ʋɔnudrɔ̃ƒe.
“Ame kae de dzo lãme na ame si tso ɣedzeƒe,
heyɔe le dzɔdzɔenyenye me be wòatsɔ dɔ nɛ?
Etsɔ dukɔwo de asi nɛ, eye wòfanya fiawo le eŋkume.
Etsɔ eƒe yi wɔ wo wozu kewɔ,
eye wòtsɔ eƒe aŋutrɔ wɔ wo wozu abe atsa si ya ƒo ene.
Eti wo yome, eye wòƒu du to teƒe siwo meto kpɔ o,
gake naneke mewɔe o.
Ame kae wɔ esia hekpɔ egbɔ be ede go,
eye wòyɔ dzidzimewo tso gɔmedzedzea me ke?
Nye, Yehowa, si nɔ kple gbãtɔwo,
eye nenema ke mele kple mamlɛawo hã, Nyee.”
Ƒukpowo kpɔe, eye wovɔ̃.
Anyigba ƒe mlɔenuwo dzo kpekpekpe,
woƒo ƒu, eye wozɔ ɖe ŋgɔgbe;
ɖe sia ɖe kpe ɖe nɔvia ŋu,
eye wogblɔ na wo nɔewo be, “Lé dzi ɖe ƒo.”
Aɖaŋudɔwɔla de dzi ƒo na sikanutula,
ganutrela de dzi ƒo na zudala.
Egblɔ tso nu si wotre la ŋu be, “Wotree nyuie.”
Tete wòƒo gatagbadzɛ ɖe aklamakpakpɛ la be magaʋã o.
“Ke wò, Israel, nye dɔla, Yakob, ame si metia.
Mi, xɔ̃nye, Abraham ƒe dzidzimeviwo.
Wò, ame si mekplɔ tso anyigba ƒe mlɔenuwo,
meyɔ wò tso eƒe dzogoewo dzi ke.
Megblɔ be, ‘Nye dɔlae nènye.’
Metia wò, eye nyemegbe wò o,
eya ta mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò.
Ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu.
Mali ke wò, eye makpe ɖe ŋuwò;
matsɔ nye dzɔdzɔenyenye ƒe nuɖusibɔ alé wò ɖe te.
“Kpɔɖa, ŋukpe kple vlododo ava
ame siwo katã do dɔmedzoe ɖe ŋuwò la dzi,
ame siwo tsi tsitre ɖe ŋuwò la atsrɔ̃,
eye wo nu ava ayi.
Àdi wò ketɔwo, gake màkpɔ wo o.
Ame siwo ho aʋa ɖe ŋuwò la azu tofloko ƒe tofloko,
elabena nyee.
Nye Yehowa, wò Mawu,
ame si lé wò nuɖusibɔ ɖe asi hele gbɔgblɔm na wò be
‘Mègavɔ̃ o, makpe ɖe ŋuwò.’
Mègavɔ̃ o. O! Ŋusẽmanɔsitɔ, Yakob,
O! Israel beli, elabena nye ŋutɔ makpe ɖe ŋuwò.”
Yehowa, wò Ɖela, Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae gblɔe.
“Kpɔ ɖa, matsɔ wò awɔ luƒomɔ yeye ɖaɖɛ si
ƒe aɖuwo sɔ gbɔ fũu.
Àfanya towo, agbã wo gudugudu,
eye àwɔ togbɛwo woazu fufu.
Àgbɔ wo, ya aƒo wo adzoe,
eye ahomuya alɔ wo ɖe nu,
ke wò ya, àdzɔ dzi ɖe Yehowa ŋu,
eye àtso aseye ɖe Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu.
“Ame dahewo kple hiãtɔwo le tsatsam le tsi dim,
ke womekpɔ ɖeke o.
Woƒe aɖewo dzi ƒu kplakplakpla le tsikɔwuame ta.
Ke nye Yehowa, matɔ na wo;
nye Israel ƒe Mawu la nyemagble wo ɖi o.
Mana tɔsisiwo nasi ato to ƒuƒluwo tame,
eye tometsiwo nasi to balimewo.
Mana gbegbewo nazu tɔʋuwo,
eye kuɖiɖinyigba nazu tsidzɔƒewo.
Mana sedati, logoti,
gboti kple amiti namie ɖe gbegbe,
eye mana xeti, fɔfɔli,
kple sesewu namie ɖe dzogbe.
Ale be amewo nakpɔe, anyae,
abu eŋu, eye woase egɔme be,
Yehowa ƒe asie wɔ esia, eye Israel ƒe
Kɔkɔetɔ lae na wòva eme.”
Yehowa be, “Ɖe wò nyawo to.
Ƒo nu le nya siwo nètsɔ vɛ la ŋu.” Yakob ƒe fia lae gblɔe.
“Mitsɔ miaƒe legbawo vɛ ne
woava agblɔ nu si ava dzɔ la na mí.
Migblɔ nu siwo nɔ anyi tsã la na mí be
míabu wo ŋuti, eye míanya woƒe metsonu
alo migblɔ nu siwo ava dzɔ la na mí.
Nya kae le etsɔ si na mí ne
mianya be mawuwoe mienye.
Wɔ nane, eɖanye nyui alo vɔ̃,
ale be míaƒe mo nawɔ yaa, eye vɔvɔ̃ naɖo mí.
Ke miele naneke hã me o,
eye miaƒe dɔwɔwɔwo mele ɖeke me kura o.
Ame si tia mi la zu ŋunyɔnu.
“Menyɔ ame aɖe tso anyiehe
eye wòle mɔ dzi gbɔna.
Ame si tso afi si ɣe dzena tsoe,
eye wòyɔa nye ŋkɔ.
Ame si fanya dziɖulawo abe anyi ene,
efanya wo abe zemelae le anyi nyam ene.
Ame kae ƒo nu tso ame sia ŋuti tso gɔmedzedzea,
ne mienyae do ŋgɔ,
ne miate ŋu agblɔ be, ‘Eƒe nya dzɔ?’
Ame aɖeke megblɔ esia o.
Ame aɖeke megblɔe da ɖi o;
ame aɖeke mese nya aɖeke tso gbɔwò o.
Nyee nye ame gbãtɔ si gblɔe na Zion be,
‘Kpɔ ɖa, wole afii!’
Meɖo nyanyuigblɔla ɖe Yerusalem.
Metsa ŋku, ke ame aɖeke meli o,
ame aɖeke mele wo dome aɖo aɖaŋu o.
Ame aɖeke mele wo dome aɖo nya
si mebia wo la ŋu nam o.
Kpɔ ɖa, wo katã wonye tofloko!
Woƒe dɔwɔwɔwo mele ɖeke me o.
Woƒe legbawo hã nye ya
kple tofloko ko.
Yehowa ƒe dɔla
“Kpɔ ɖa esiae nye nye dɔla si melé ɖe te,
nye ame tiatia si ŋu mekpɔa ŋudzedze le;
matsɔ nye gbɔgbɔ kɔ ɖe eya amea dzi
ne wòadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na dukɔwo.
Mafa avi alo ado ɣli
alo woase eƒe ŋkɔ le mɔtata dzi o.
Maɖe aƒla ŋeŋe la ɖa o,
eye matsi akaɖimeɖovu si
le bibim ɖɔɖɔɖɔ la o.
Adrɔ̃ ʋɔnu le nyateƒe me.
Maʋuʋu alo dzi naɖe le eƒo o
va se ɖe esime wòɖo dzɔdzɔenyenye
ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe anyi ɖe anyigba dzi,
eye ƒukpowo ada woƒe mɔkpɔkpɔwo ɖe eƒe se la dzi.”
Ale Yehowa, Mawu, ame si wɔ dziƒo, eye wòhe eme,
ame si keke anyigba kple nu siwo katã doa go tso eme,
ame si na agbegbɔgbɔ edzinɔlawo, eye wòna agbe
ame siwo zɔna le edzi la gblɔe nye esi.
“Nye, Yehowa, meyɔ wò le dzɔdzɔenyenye me.
Malé wò alɔnu.
Makpɔ tawò, ana nànye nubabla na amewo
kple kekeli na dukɔwo,
be nàʋu ŋku na ŋkugbagbãtɔwo,
be nàɖe ga gamenɔlawo,
eye nàɖe ame siwo nɔ do globo me la tso viviti me.
“Nyee nye Yehowa, ŋkɔnyee ma!
Nyematsɔ nye ŋutikɔkɔe
alo kafukafu ana legbawo o.
Kpɔ ɖa, blemanyawo va eme,
eye megale yeyewo gblɔm.
Hafi woava dzɔ la,
meɖe gbeƒã tso wo ŋuti na mi xoxo.”
Kafukafuha na Yehowa
Mi ame siwo toa atsiaƒu dzi,
mi nu siwo le atsiaƒu me,
mi ƒukpowo kple ame siwo le wo dzi,
midzi ha yeye na Yehowa.
Midzi eƒe kafukafuha
le anyigba ƒe mlɔenuwo ke.
Gbegbe kple du siwo le afi ma nekɔ woƒe gbe dzi.
Kedar ƒe kɔƒewo me nɔlawo netso aseye.
Ame siwo le Sela la nedzi ha kple dzidzɔ.
Wonedo ɣli tso towo tame.
Wonetsɔ ŋutikɔkɔe na Yehowa,
eye woaɖe gbeƒã eƒe kafukafu le ƒukpowo dzi.
Yehowa ado abe kalẽtɔ ene.
Ade dzo eɖokui me abe aʋawɔla ene.
Atsɔ eƒe gbe ado aʋaɣli,
eye wòaɖu eƒe futɔwo dzi.
“Mezi kpi eteƒe didi,
mezi ɖoɖoe, eye melé ɖokuinye kpoo,
ke azɔ la, abe nyɔnu si le ku lém ene la,
mado ɣli, alɔ gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo,
eye manɔ gbɔgbɔm fuxefuxe.
Makaka towo kple togbɛwo,
mana gbe damawo katã naƒu,
mana tɔsisiwo nazu tɔdomekpowo,
eye mana tɔʋuwo namie keŋkeŋ.
Makplɔ ŋkugbagbãtɔwo ato mɔ si womenya tsã o la dzi,
eye makplɔ wo to mɔ manyamanya dzi.
Mana viviti nazu kekeli le wo ŋgɔ,
eye mana toƒe tsakliwo nazu zɔzrɔ̃e na wo.
Esiawoe nye nu siwo mawɔ,
nyemagble wo ɖi o.
Ke ame siwo ɖoa dzi ɖe aklamakpakpɛwo ŋu,
ame siwo gblɔna na legbawo be,
‘Míaƒe mawuwoe mienye’ la,
woagbugbɔ ɖe megbe kple ŋukpe gã.
Israel, ŋkugbagbãtɔ kple tokunɔ
“Mi tokunɔwo, mise nu,
mi ŋkugbagbãtɔwo,
mifɔ mo dzi, miakpɔ nu!
Ame kae tsi ŋku, eye wòku to
abe nye dɔla si medɔ la ene,
ɖe menye nye dɔlae oa?
Ame kae nye ŋkunɔ abe xɔ̃nye ene,
eye wòtsi ŋku abe Yehowa ƒe dɔla ene?
Èkpɔ nu geɖe, gake mètsɔ wo de ta me o,
wò towo le ʋuʋu ɖi, gake mèse naneke o.”
Edze Yehowa ŋu le eƒe dzɔdzɔenyenye ta be,
wòade gãnyenye kple bubu eƒe se ŋu.
Ke esia nye ame siwo woda adzoe, eye woha wo;
mɔ ɖe wo katã le dowo me,
eye wobe ɖe gaxɔwo me.
Wozu nuhaha, eye ame aɖeke meli axɔ na wo o.
Wozu nu siwo woda adzoe,
eye ame aɖeke meli agblɔ be,
“Mitrɔ wo yii o.”
Mia dometɔ kae aɖo to nu sia
alo alé to ɖe nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge la ŋu tsitotsito?
Ame kae de Yakob asi be wòazu nuhaha,
eye wòde Israel asi na adzodalawo?
Ɖe menye Yehowa, ame si ŋu miewɔ nu vɔ̃ ɖo lae oa?
Elabena wogbe eƒe mɔwo dzi toto,
eye womewɔ ɖe eƒe sewo dzi o.
Eya ta wòtrɔ eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la
kple aʋawɔwɔ ƒe nu vlowo kɔ ɖe wo dzi.
Ena dzo bi ƒo xlã wo, gake womese egɔme o.
Dzo la fia wo, gake mede dzi gbɔ na wo o.
Israel ƒe Ɖela ɖeka hɔ̃ɔ la
Ke azɔ la, ale Yehowa,
ame si wɔ wò, O! Yakob,
eye wòme wò, O! Israel,
la gblɔe nye esi,
“Mègavɔ̃ o, elabena meɖe wò.
Metsɔ wò ŋkɔ yɔ wò be tɔnye nènye.
Ne èto tɔ me, mato eme kpli wò,
ne èto tɔsisiwo me, mato wo me kpli wò
be tɔsisi la malé wò o.
Ne èto dzo me mame wò o,
eye dzo ƒe aɖewo hã mafia wò o,
elabena nye Yehowa, wò Mawu,
Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae nye wò ɖela.
Metsɔ Egipte ƒle tawò,
eye Kus kple Seba axɔ ɖe tewòƒe.
Esi asixɔxɔ kple bubu le ŋutiwò
le ŋkunye me, eye melɔ̃ wò ta la,
matsɔ ŋutsuwo ana ɖe tewòƒe.
Matsɔ amegbetɔwo ana ɖe wò agbe teƒe.
Mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò,
makplɔ viwòwo tso ɣedzeƒe,
eye maƒo mia nu ƒu tso ɣetoɖoƒe.
Magblɔ na anyiehe be,
‘Ɖe asi le wo ŋu.’
Na dziehe be, ‘Megasika wo o.’
Mikplɔ vinye ŋutsuwo tso didiƒe
kple vinyenyɔnuwo tso anyigba
ƒe mlɔenuwo ke vɛ,
ame sia ame si ko ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo,
ame siwo mewɔ hena nye ŋutikɔkɔe,
ame siwo meme, eye mewɔ.”
Mikplɔ ame siwo ŋku li na,
gake womele nu kpɔm o la
kple ame siwo to li na,
gake womesea nu o la do goe.
Dukɔwo katã kpe ta, eye amewo ƒo takpli.
Wo dometɔ kae gblɔ esia da ɖi,
eye wòɖe gbeƒã nu siwo dzɔ va yi la na mi?
Womekplɔ woƒe ɖasefowo vɛ,
ne woaɖee fia be woƒe nya dzɔ,
ale be ame bubuwo asee agblɔ be, “Nyateƒee” o.
Yehowa be, “Miawoe nye nye ɖasefowo
kple nye dɔla si metia be mianya,
eye miaxɔ dzinye ase,
ase egɔme be nyee.
Mawu aɖeke medo ŋgɔ nam o,
eye ɖeke hã mado ŋgɔ nam o.
Nyee, ɛ̃, nyee.
Nyee nye Yehowa.
Ɖela aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o.
Nye la, meɖee fia. Meɖe eme,
eye meɖe gbeƒã be nyee,
ke menye dzromawu siwo le mia dome lae o.
Miawoe nye nye ɖasefowo.”
Yehowae gblɔe.
“Mianyae be nyee nye Mawu.
Ɛ̃, nye koe tso blema ke.
Ame aɖeke mate ŋu axɔ ame le asinye o.
Ne mewɔ nu la, ame kae ate ŋu atrɔe?”
Mawu ƒe amenuveve kple Israel ƒe anukwaremaɖimaɖi
Ale Yehowa, wò Ɖela,
Israel ƒe Kɔkɔetɔ la gblɔe nye esi,
“Le tawò madɔ ame ɖo ɖe Babilonia
woaɖakplɔ Babiloniatɔwo vɛ abe aʋasilawo ene,
eye woalɔ wo ɖe woƒe tɔdziʋu
siwo dzi wodana ɖo la me.
Nyee nye Yehowa,
miaƒe Kɔkɔetɔ la, Israel Wɔla kple miaƒe Fia.”
Ale Yehowa, ame si ɖe mɔ to atsiaƒu me,
ame si ɖe mɔ to tɔsisi gãwo me,
ame si na tasiaɖamwo, sɔwo, aʋakɔwo,
kple kalẽtɔwo ho aʋa,
va tsi afi si womagafɔ le gbeɖe o.
Ame si na wotsrɔ̃, eye wotsi abe akaɖimeɖovu ene la gblɔe nye esi:
“Miŋlɔ blemanuwo be.
Migaɖo ŋu ɖe gbe aɖe gbe nuwo ŋu o.
Kpɔ ɖa, mele nu yeye wɔm!
Edo mo ɖa xoxo, mèle ekpɔm oa?
Mele mɔ tam ɖe gbedzi, eye mana tɔsisiwo
nado ɖe kuɖiɖinyigba dzi.
Gbemelãwo, amegaxiwo
kple golowo ade bubu ŋunye,
elabena mena tsi do tso gbegbe,
eye tɔsisiwo do ɖe kuɖiɖinyigba dzi be
mana tsi nye amewo, nye ame tiatiawo,
ame siwo mewɔ na ɖokuinye be
woaɖe gbeƒã nye kafukafu.
“Ke wò, Yakob, mèyɔm o.
O! Israel, mèkpe fu ɖe tanye o.
Mètsɔa wò alẽwo saa numevɔ nam loo
alo tsɔa wò akpedavɔsa dea bubu ŋunye o.
Nyemetsɔ nuɖuvɔsawo do agbae na wò o
alo ɖe fu na wo be nàtsɔ dzudzɔʋeʋĩdonu vɛ nam o.
Mètsɔ atikeʋeʋĩ aɖeke vɛ nam
alo tsɔa wò lãwo ƒe ami sãa vɔ̃e nam agbadree o,
ke boŋ ètsɔ wò nu vɔ̃wo do agbae nam,
eye nèɖe fu nam kple wo vodadawo.
“Nyee, ɛ̃, nyee atutu wò dzidadawo ɖa le
nye ŋutɔ ɖokuinye ta, eye nyemagaɖo ŋku wò nu vɔ̃wo dzi o.
Ɖo ŋku tsãnuwo dzi nam.
Na míahe nya sia kple mía nɔewo.
Gblɔ ale si wò nya dzɔe.
Fofowò gbãtɔ wɔ nu vɔ̃.
Wò nyanuɖelawo dze aglã ɖe ŋutinye,
eya ta mado ŋunyɔ ame ŋkuta
siwo le wò gbedoxɔ me.
Matsɔ Yakob ade asi na gbegblẽ,
eye Israel na fewuɖuɖu.”
Israel dukɔ tiatia la
“Ke azɔ la, ɖo to, o nye dɔla Yakob,
Israel, ame si metia.
Ale Yehowa ame si wɔ wò,
ame si me wò ɖe vidzidɔ me,
ame si akpe ɖe ŋuwò la gblɔe nye esi,
Mègavɔ̃ o, O! Yakob, nye dɔla.
Yerusalem, ame si metia,
elabena makɔ tsi ɖe kuɖiɖinyigba dzi
kple tɔʋuwo ɖe anyigba ƒuƒu dzi.
Makɔ nye gbɔgbɔ ɖe viwòwo dzi
kple nye yayra ɖe wò dzidzimeviwo dzi.
Woamie abe gbe si le gbedzi ene,
eye woanɔ abe amutiwo le tɔʋuwo to ene.
Ɖeka agblɔ be, ‘Yehowa tɔ menye.’
Bubu atsɔ Yakob ƒe ŋkɔ na eɖokui,
eye ame bubu hã aŋlɔ ɖe eƒe asi ŋuti be,
‘Yehowa tɔ,’ eye wòatsɔ ŋkɔ be Israel.
Yehowa menye legbawo o
“Ale Yehowa, Israel ƒe Fia kple Ɖela,
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi:
Nyee nye gbãtɔ kple mlɔetɔ.
Mawu bubu aɖeke mekpe ɖe ŋunye o.
Ekema ame kae sɔ kplim?
Neɖe gbeƒãe.
Neva gblɔe, eye wòaɖee afia le ŋkunye me,
nu siwo dzɔ tso esime meɖo nye blemamewo gɔme anyi
kple nu si gbɔna eme va ge.
Ɛ̃, negblɔ nu si ava dzɔ.
Migadzo nyanyanya o.
Migavɔ̃ o.
Ɖe nyemeɖe gbeƒã esia,
eye megblɔe da ɖi gbe aɖe gbe ke oa?
Miawoe nye nye ɖasefowo.
Ɖe Mawu bubu aɖe gali kpe ɖe ŋunyea?
Ao, Agakpe aɖeke megali o.”
Ame siwo katã ha legbawo la,
mele ɖeke me o, eye nu siwo ŋu
wode asixɔxɔe la nye tofloko.
Ame siwo ƒoa nu ɖe wo nu la nye ŋkugbagbãtɔwo,
numanyala siwo menya ŋukpe o.
Ame kae kpa aklamakpakpɛ mawo,
eye wòli legba si mahe viɖe aɖeke vɛ nɛ o?
Woado ŋukpe aklamakpakpɛwɔla
kple aklamakpakpɛ la siaa,
elabena aɖaŋudɔwɔlawo hã,
amegbetɔwo ko wonye.
Wo katã neƒo ƒu ne woaɖo kpe nu dzi,
ke hã la, woaƒo wo aƒu anyi
kple ŋɔdzi kple dɔléle.
Gbede tsɔ eƒe dɔwɔnu de gayibɔdzo me.
Etsɔ eƒe zu wɔ dɔ le gayibɔ la ŋu kple eƒe abɔ sesẽ,
eye wòwɔe wòzu legba.
Dɔ wui, eye wògbɔdzɔ.
Meno tsi o, ale nu ti kɔ nɛ vevie.
Atikpala tsɔ nudzidzenu,
eye wòtsɔ ɣe te fli ɖe teƒe siwo wòdzidze.
Etsɔ nukpafi zrɔ̃ teƒeteƒewoe,
eye wòtsɔ nudzidzega dzidzee.
Ekpae ɖe ame ƒe nɔnɔme me,
le ame ƒe dzedze nyuitɔ me be
wòate ŋu atsɔe ada ɖe trɔ̃xɔ me.
Atikpala la lã sedati,
papawu alo logoti.
Ena wòtsi le avemetiwo dome.
Ɖewohĩ edo gboti hã,
eye tsidzadza na wòtsi.
Ame la tsɔe wɔ nakee.
Etsɔ ɖe do dzoe le ƒuƒum.
Etsɔ ɖe do dzoe, me abolo.
Etsɔ ɖe wɔ mawue.
Ke etsɔ ɖe wɔ mawue hesubɔna,
eye wòtsɔ ɖe wɔ aklamakpakpɛ hedea ta agu nɛ.
Etsɔ ati la ƒe afã do dzoe heɖa nu le edzi.
Eme lã le edzi, eye wòɖu nu ɖi ƒo.
Azɔ eƒu dzo la hegblɔ be:
“Aa! Mekpɔ dzo le ƒuƒum, eye nye lãme xɔ dzo.”
Etsɔ ati la ƒe mamlɛa wɔ aklamakpakpɛ,
mawu si wòdea ta agu na hesubɔna.
Edo gbe ɖa nɛ be,
“Ɖem, wòe nye nye mawu.”
Ame siawo menya naneke o.
Womese naneke gɔme o.
Nu tsyɔ woƒe ŋkuwo dzi be womegakpɔ nu o,
eye woƒe susuwo me xe be womagase naneke gɔme o.
Nunya mele wo dometɔ aɖeke si wòagblɔ be,
“Metsɔ afã wɔ nakee.
Meme abolo gɔ̃ hã le eƒe dzokawo dzi,
eye meme lã hã le edzi heɖu o.
Ɖe matsɔ mamlɛa awɔ ŋunyɔnuea?
Ɖe madze klo na atikpoa.”
Etsɔ eƒe susu da ɖe dzofi dzi,
eye dzi si woble la kplɔe trae,
ale mate ŋu aɖe eɖokui alo agblɔ be,
“Ɖe nu si melé ɖe nye nuɖusime la menye aʋatso oa?”
“Ɖo ŋku nu siawo dzi, O! Yakob,
elabena wòe nye nye dɔla, O! Israel.
Nyee me wò, eye nye dɔlae nènye.
O! Israel, nyemaŋlɔ wò be akpɔ o.
Mekplɔ wò vodadawo dzoe abe lilikpo ene,
eye mena wò nu vɔ̃wo nu va yi
abe ahũ si dza le fɔŋli ene.
Trɔ̃ va gbɔnye,
elabena meɖe wò.”
O! Dziƒowo, midzi ha kple dzidzɔ,
elabena Yehowae wɔ esia.
O! Anyigba do ɣli sesĩe.
Mido ha ɖa, mi towo, avewo kple avemetiwo,
elabena Yehowa ɖe Yakob.
Eɖe eƒe Ŋutikɔkɔefia le Israel.
“Ale Yehowa,
wò Ɖela, ame si me wò
ɖe dɔ me la gblɔe nye esi:
“Nyee nye Yehowa
si wɔ nuwo katã.
Ame si he dziƒowo me,
eye nye ŋutɔe keke anyigbawo me.
Nyee gblẽa alakpanyagblɔɖilawo ƒe dzesiwo me,
eye medoa abunɛ bokɔwo ƒe nukakawo,
ame si ɖea nunyalawo le zi dzi,
eye wòtrɔa woƒe nunya wòzua bometsitsi.
Ame si wɔna ɖe eƒe dɔlawo ƒe biabiawo dzi,
eye wònaa eƒe dɔlawo ƒe nyagblɔɖiwo vaa eme.
“Ame si gblɔ le Yerusalem ŋu be, ‘Amewo aganɔ me wò,’
na Yuda ƒe duwo be, ‘Woagbugbɔ mi atso,’
eye na aƒedowo be, ‘Magbugbɔ mi aɖo te.’
Ame si gblɔ na tɔ goglowo be,
‘Mimie, mana mia me tsiwo namie.’
Ame si gblɔ le fia Sirus ŋu be, ‘Eyae nye nye alẽkplɔla,
eye awɔ nu siwo katã dze ŋunye.
Agblɔ le Yerusalem ŋu be, “Woagbugbɔe atu,”
eye le gbedoxɔ la ŋu be, “Mina woaɖo eƒe gɔmeɖokpewo anyi.” ’
Yehowa tia Sirus
“Ale Yehowa gblɔ na Sirus, eƒe amesiamina,
ame si ƒe nuɖusibɔ melé be matsɔ abɔbɔ dukɔwo ɖe anyi
le eŋkume be maxɔ aʋawɔnuwo le fiawo si,
ne maʋu mɔwo le eŋgɔ be agbowo matu le eŋgɔ o.
Madze ŋgɔ na wò, agbã towo le ŋgɔwò.
Magbã akɔbligbowo, eye maŋe gayibɔ ƒe gametiwo.
Matsɔ kesinɔnu siwo le blukɔ me
kple nu xɔasi siwo wodzra ɖo ɖe ɣaɣlaƒe la na wò,
ne nànya be nyee nye Yehowa, Israel ƒe Mawu la,
ame si tsɔ wò ŋkɔ yɔ wòe.
Le Yakob, nye dɔla kple Israel,
nye ame tiatia ta la,
metsɔ wò ŋkɔ yɔ wòe heda bubuŋkɔ ɖe dziwò,
togbɔ be mèdze sim o hã.
Nyee nye Yehowa.
Bubu aɖeke megali o.
Mawu bubu aɖeke megali kpe ɖe ŋunye o.
Mado ŋusẽ wò togbɔ be mèdze sim o hã.
Ale be tso afi si ɣe dzena tsona va se ɖe afi si wòɖoa to ɖo la,
amewo nanya be Mawu bubu aɖeke mesɔ kplim o.
Nyee nye Yehowa.
Bubu aɖeke megali o.
Nyee na kekeli dona.
Nyee wɔ viviti.
Nyee he dzidzedzekpɔkpɔ vɛ,
eye nye kee he gbegblẽ hã vɛ.
Nye Yehowae wɔ esiawo katã.
“Mi dziŋgɔlĩwo, midza dzɔdzɔenyenye abe tsi ene.
Lilikpowo nena wòadza.
Na anyigba nake nu baa.
Na ɖeɖe nado tso eme,
eye na dzɔdzɔenyenye natsi kplii.
Nye Yehowae wɔe.
“Baba na ame si le dzre wɔm kple eƒe Wɔla.
Ame si lé nɛ ko abe ze le ze bubuwo dome le anyigba ene.
Ɖe anyi abia zemela be,
‘Nu ka mem nèle mahã?’
Ɖe wò dɔ si wɔm nèle la,
abia be, ‘Asi mele asiwò oa?’
Baba na ame si gblɔna na fofoa be,
‘Nu ka ta nèdzim ɖo?’ alo na dadaa be,
‘Nu ka ta nèlé ku ɖo?’
“Ale Yehowa, Israel ƒe Kɔkɔetɔ kple ekplɔla gblɔe nye esi:
Ɖe nàbia gbem tso vinyewo ŋu
alo aɖe gbe nam tso nye asinudɔwɔwɔwo ŋutia?
Nyee wɔ anyigba kple ame siwo le edzi.
Nye ŋutɔ nye asiwoe keke dziƒowo me.
Nyee wɔ dziƒoŋunuwo katã.
Le nye dzɔdzɔenyenye me, mado ŋusẽ Sirus.
Mana eƒe mɔwo nanɔ dzɔdzɔe.
Agbugbɔ nye du atso, eye wòaɖe asi
le nye aboyomewo ŋuti nam.
Ke maxɔ teƒeɖoɖo aɖeke o,
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.”
Ale Yehowa gblɔe nye esi,
“Nu siwo wowɔ le Egipte,
Kus ƒe adzɔdonuwo kple Sabeatɔ tsrala
mawo katã woava gbɔwò azu tɔwò.
Woaɖo fli ɖe megbewò,
eye woanɔ hame ava gbɔwò.
Woade ta agu na wò, aɖe kuku agblɔ be
‘Vavãe, Mawu li kpli wò, eye bubu aɖeke megali o.
Mawu bubu aɖeke megali o.’ ”
Vavãe, ènye Mawu si ɣlaa eɖokui.
O! Mawu kple Israel ƒe Ɖela.
Aklamakpakpɛwɔlawo katã aɖu ŋukpe,
eye woakpɔ vlododo.
Wo katã woaɖu ŋukpe.
Ke Yehowa aɖe Israel kple ɖeɖe mavɔ.
Màɖu ŋukpe alo akpɔ vlododo yi ɖe mavɔ me o,
elabena ale Yehowa,
ame si wɔ dziƒo, eye wònye Mawu,
ame si wɔ anyigba, eye wòna wòva dzɔ,
meyɔe be wòatsi gbɔlo o,
ke boŋ ewɔe be nuwo nanɔ edzi.
Eyae gblɔ be, “Nyee nye Yehowa,
bubu aɖeke megali o.
Nyemeƒo nu le ɣaɣlaƒe le anyigba aɖe si do blukɔ la dzi o.
Nyemegblɔ na Yakob ƒe dzidzimeviwo be,
‘Midim dzodzro’ o.
Nye Yehowa, nyateƒe ko megblɔna,
eye nu si le eteƒe la ko meɖea gbeƒãe.
“Miƒo ƒu ne miava.
Miƒo takpli, mi aboyome siwo tso dukɔwo me.
Abunɛtɔwoe nye ame siwo lé aklamakpakpɛwo ɖe ta,
eye wodoa gbe ɖa na mawu siwo mate ŋu aɖe ame o.
Miɖe gbeƒã nu si ava dzɔ.
Migblɔe ne woase.
Mina woaƒo ƒu ade aɖaŋu.
Ame kae gblɔ nya sia ɖi le blema,
eye wòɖe gbeƒãe gbe aɖe gbe ʋĩi va yi?
Ɖe menye nye Yehowae oa?
Mawu bubu aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o.
Nye la, Mawu dzɔdzɔetɔ kple Ɖelae menye.
Ɖeke megali o, negbe nye koe.
“Mitrɔ ɖe ŋunye ne miakpɔ ɖeɖe,
mi anyigba ƒe mlɔenuwo ke,
elabena nyee nye Mawu, eye ɖeke megali o.
Nye ŋutɔ meka atam.
Nye nu gblɔ nya si mede megbe na,
nya si womatrɔ gbeɖe o.
Klo sia klo adze nam,
eye aɖe sia aɖe ayɔm aka atamue.
Woagblɔ le ŋunye be,
‘Yehowa ɖeka hɔ̃ɔ me ko dzɔdzɔenyenye kple ŋusẽ le.’ ”
Ame siwo katã do dɔmedzoe ɖe eŋuti la,
atrɔ ava egbɔ kple ŋukpe.
Ke Yehowa mee Israel ƒe dzidzimeviwo katã
akpɔ dzɔdzɔenyenye kple dodoɖedzi le.
Babilonia ƒe mawuwo
Bel de ta agu, Nebo do dɔgɔ̃e.
Wotsɔ woƒe legbawo do agbae na agbatsɔlãwo.
Numeme siawo zu agba wotsɔna nɔa yiyim,
eye wozu agba na agbatsɔla siwo gbɔdzɔ.
Wo katã wobɔbɔna hedea ta agu ɖekae,
ke womete ŋu ɖe agba la ɖa o,
eye woyi aboyome.
“O! Yakob ƒe aƒe, miɖo tom.
Mi ame siwo katã susɔ na Israel ƒe aƒe la,
mi ame siwo melé ɖe asi tso gbe si gbe wofɔ miaƒe fu,
eye metsɔ mi tso gbe si gbe wodzi mi
va se ɖe miaƒe tsitsime
esime miaƒe taɖa ƒo wɔ ke hã la,
nye koe, nye ɖeka koe ate ŋu alé mi ɖe te.
Nyee wɔ mi, eye matsɔ mi ada ɖe ɖokuinye dzi.
“Ame ka miebe yewoatsɔm asɔ kplii
alo agblɔ be esɔ kplim?
Ame ka miagblɔ be mele
abe eya ene, ne woatsɔe asɔ kplim?
Wo dometɔ aɖewo dudua sika
le woƒe kotokuwo me ɖe anyigba,
eye wodaa klosalo le nudanu me.
Woyɔa sikanutula be wòatsɔe awɔ mawue na wo,
eye wodea ta agu hesubɔnɛ.
Wotsɔnɛ ɖoa abɔta henɔa yiyim kplii.
Wotsɔnɛ ɖoa enɔƒe, eye afi ma ko wònɔa tsitre ɖo.
Metea ŋu ɖea zɔ yia teƒe bubu o.
Togbɔ be wodoa ɣli nɛ hã la,
meɖoa nya ŋu na wo o,
eye metea ŋu ɖea wo le woƒe xaxawo me hã o.
“Mi aglãdzelawo, miɖo ŋku edzi,
milée ɖe susu me, eye wòanɔ dzi me na mi.
Miɖo ŋku blemanuwo dzi,
nu siwo dzɔ gbe aɖe gbe ʋĩi va yi.
Nyee nye Mawu.
Ɖeke megali o.
Nyee nye Mawu, mawu bubu aɖeke megali o;
Nyee nye Mawu, mawu bubu aɖeke mesɔ kplim o.
Mena mienya nuwuwua tso gɔmedzedzea,
eye tso blema ke, mienya nu si ava dzɔ.
Megblɔ be, ‘Nye nuɖoɖiwo anɔ anyi tegbee,
eye mawɔ nu siwo katã dze ŋunye,’
meyɔ xeƒonu tso ɣedzeƒe,
eye tso anyigba didi aɖe dzi.
Meyɔ ame aɖe be wòana nye tameɖoɖowo nava eme.
Nu si megblɔ la, eyae mana wòava eme.
Nu si meɖo la, eya ke mawɔ.
Miɖo tom, mi dzimesẽlawo kple mi,
ame siwo le adzɔge na dzɔdzɔenyenye.
Metsɔ nye dzɔdzɔenyenye gbɔnae
be wòate ɖe mia ŋu.
Manɔ adzɔge tso mia gbɔ o,
eye nye ɖeɖe mahe ɖe megbe o.
Mana ɖeɖe nado na Zion,
eye nye atsyɔ̃ anɔ Israel ŋu.”
Babilonia ƒe anyidzedze
“Ɖi ɖe anyi nànɔ ke me,
wò Babilonia ƒe vinyɔnu si menya ŋutsu o.
Wò Babiloniatɔwo ƒe vinyɔnu,
nɔ anyi ɖe anyigba,
menye ɖe fiazikpui dzi o.
Womagayɔ wò be lɔlɔ̃vi
alo ame si woalé be na o.
Yi te dzi nàtu wɔ.
Ɖe wò motsyɔvɔ da ɖi.
Klo wò avɔ ɖe dzi.
Na wò afɔwo nadze, eye nàtso tɔwo.
Woaɖe amama wò, eye woaklo nu
le wò ŋukpeƒe dzi.
Mabia hlɔ̃,
eye nyemaɖe ame aɖeke le eme o.”
Miaƒe Ɖelae nye Israel ƒe Kɔkɔetɔ la.
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ.
“Babiloniatɔwo ƒe vinyɔnu nɔ anyi le ɖoɖoezizi me.
Yi ɖe blukɔ me.
Womagayɔ wò be,
Fiaɖuƒewo ƒe fianyɔnu o.
Medo dziku ɖe nye amewo ŋuti,
eye medo gu nye domenyinu.
Metsɔ wo de asi na wò,
eye mekpɔ nublanui na wo o.
Ètsɔ kɔkuti kpekpe da ɖe
ametsitsi belibeliwo gɔ̃ hã dzi.
Ègblɔ be, ‘Nye la, mayi edzi tegbee.
Manye fianyɔnu yi ɖe mavɔ me!’
Ke mèbu nu siawo ŋu
alo de ŋugble le nu si ava dzɔ la ŋu o.
“Ke azɔ la, ɖo to afii.
Wò nugblẽla vloe si ɖe dzi ɖi blewu
le wò dedinɔnɔ me, eye nègblɔ na ɖokuiwò be,
‘Nye koe, mawu aɖeke megali kpe ɖe ŋunye o.
Nyemanye ahosi alo ana vinyewo natsrɔ̃ o.’
Esiawo kple evea katã ava dziwò
le aɖabaƒoƒo ɖeka me le ŋkeke ɖeka dzi.
Viwòwo atsrɔ̃, eye nàzu ahosi.
Wo katã woava dziwò pɛpɛpɛ togbɔ be afakalawo
kple gbesa sesẽ geɖewo le asiwò hã.
Èka ɖe wò vɔ̃ɖivɔ̃ɖitɔnyenye dzi hegblɔ be,
‘Ame aɖeke mekpɔam o.’
Wò nunya kple gɔmesese ble wò
nègblɔ na ɖokuiwò be,
‘Nye koe, mawu aɖeke megali kpe ɖe ŋunye o.’
Gbegblẽ aƒo ɖe dziwò,
eye mànya ale si nàwɔ asa gbe adee wòadzo o.
Dzɔgbevɔ̃e adzɔ ɖe dziwò,
esi màte ŋu aɖe ɖa kple awɔbanu o.
Tsɔtsrɔ̃ si mèle mɔ kpɔm na o la,
aƒo ɖe dziwò kpoyi.
“Eya ta yi wò amlimagbesawo,
wò nukakawo dzi,
esiwo me nèƒo ɖokuiwò ɖo tso wò ɖevime ke.
Ɖewohĩ akpɔ dzidzedze,
ɖewohĩ ahe ŋɔdzi vɛ.
Aɖaŋudede gbogbo siwo katã nèxɔ la,
ɖeko wona nègbɔdzɔ!
Na wò ɣletivimenunyalawo nava.
Ame siwo léa ŋku ɖe ɣletiviwo ŋu
hegblɔa nya ɖi dzinu sia dzinu la, na ne woaɖe wò
tso nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe dziwò la me.
Vavãe wole abe atitakpo ƒuƒu ene.
Dzo afia wo katã.
Womate ŋu aɖe wo ɖokui gɔ̃ hã
tso dzo ƒe aɖewo me o.
Afi sia dzoka xɔxɔwo meli ame aɖeke naƒu o.
Afi sia womedo dzo ɖi,
ame aɖeke naƒu o.
Ame siwo nèwɔ dɔ sesẽwo kpli,
eye nèzɔ mɔ geɖewo kpli wo tso wò ɖevime ke la,
esia koe nye nu si woate ŋu awɔ na wò.
Ɖe sia ɖe lé eƒe mɔ tsɔ le vodada me,
eye ɖeka hɔ̃ɔ hã meli si aɖe wò o.”
Israel, dukɔ tosesẽtɔ la
“O! Yakob ƒe aƒe, miɖo to nya sia.
Mi ame siwo ŋu woyɔ Israel ɖo,
eye mietso Yuda ƒe dzidzime me.
Mi ame siwo ka atam kple Yehowa ƒe ŋkɔ,
eye mieyɔa Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ,
gake menye le nyateƒe alo dzɔdzɔenyenye me o.
Mi ame siwo yɔa mia ɖokuiwo be du kɔkɔe la me tɔwo,
eye mieɖo ŋu ɖe Israel ƒe Mawu la ŋu,
ame si ŋkɔe nye Yehowa,
Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ.
Megblɔ nu siwo dzɔ va yi la da ɖi xoxo.
Metsɔ nye nu ɖe gbeƒã wo,
eye mena mienya wo.
Meɖe zɔ, kasia wo katã wova eme,
elabena menya ale si miaƒe dzi me sẽe.
Miaƒe kɔwo lia abe gakpo ene,
eye miaƒe tagbɔ sẽ abe akɔbli ene,
eya ta megblɔ nu siawo
na mi gbe aɖe gbe ʋĩi va yi.
Hafi woava adzɔ la,
meɖe gbeƒã na mi be miagagblɔ be,
‘Nye legbawoe wɔ wo.
Nye aklamakpakpɛwo
kple akɔblimawue ɖo wo da ɖi,’ o.
Miese esiawo katã.
Mikpɔ wo katã ɖa.
Ɖe mialɔ̃ be wole eme oa?
“Tso azɔ dzi la,
maƒo nu tso nu yeyewo ŋu na mi,
tso nu siwo le ɣaɣla, eye mienya wo o
la ŋuti na mi.
Fifia ko wowɔ wo.
Wo wɔɣi medidi o.
Miese woƒe ŋkɔ kpɔ abe egbea ene o,
eya ta miate ŋu agblɔ be,
‘Ɛ̃ mienya wo’ o.
Miesee kpɔ loo alo se egɔme o.
Tso blema ke, miaƒe towo meʋu o.
Menya ale si miebaɖae la nyuie.
Woyɔa mi tso ɖevime ke be, aglãdzelawo.
Le nye ŋutɔ nye ŋkɔ ta la,
mehe nye dɔmedzoe ɖe megbe.
Le nye kafukafu ta la, nyemena wòva mia dzi o,
be nyematsrɔ̃ mi o.
Kpɔ ɖa, melolõ mi, gake menye abe klosalo ene o.
Medo mi kpɔ le fuwɔame ƒe kpodzo me.
Le nye ŋutɔ ta, mewɔ esia ɖo.
Aleke maɖe mɔ be woaɖi gbɔ̃m?
Nyematsɔ nye ŋutikɔkɔe
na ame bubu o.”
Israel kpɔ ɖeɖe
“O! Yakob, ɖo tom, Israel, ame si meyɔ.
Nyee nye gbãtɔ, eye nyee nye mlɔetɔ hã.
Nye ŋutɔe tsɔ nye asiwo ɖo anyigba gɔme anyi,
eye nye nuɖusibɔe metsɔ keke dziwo mee.
Ne meyɔ wo la,
wo katã wotsona ɖekae.
“Mi katã miva ƒo ƒu ne miaɖo to afii.
Legbawo dometɔ kae gblɔ nu siawo da ɖi?
Ame si Yehowa tia la ana Yehowa ƒe
tameɖoɖo ɖe Babilonia ŋu nava eme, eye wòakɔ
eƒe abɔ dzi ɖe Babiloniatɔwo ŋu.
Nye, nye koe ƒo nu. Ɛ̃, nyee yɔe.
Makplɔe vɛ, eye wòakpɔ dzidzedze le eƒe dɔdeasi la me.
“Mite ɖe ŋunye kpokploe ne miaɖo to nya sia,
nyemeƒo nu le bebeme o.”
Esi wòva eme la, menɔ afi ma?
Azɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la dɔm kple eƒe Gbɔgbɔ.
Ale Yehowa, wò Ɖela,
Israel ƒe Kɔkɔetɔ la gblɔe nye esi,
“Nyee nye Yehowa, wò Mawu,
si fiaa nu si nyo na wò la wò,
ame si fiaa mɔ si nàto la wò.
Nenye ɖe nèɖo to nye sededewo la,
anye ne wò ŋutifafa anɔ sisim abe tɔsisi ene,
eye wò dzɔdzɔenyenye anɔ abe ƒutsotsoe ene.
Wò dzidzimeviwo ɖe woasɔ gbɔ abe ke ene,
eye viwòwo abe ƒutake si womate ŋu axlẽ o la ene.
Womaɖe woƒe ŋkɔwo ɖa loo
alo woatsrɔ̃ le ŋkunye me o.”
Midzo le Babilonia, misi le Babiloniatɔwo gbɔ!
Mitsɔ dzidzɔɣli ɖe gbeƒã esia, eye mido bobloe.
Miɖo du ɖe anyigba ƒe mlɔenuwo ke be,
“Yehowa ɖe eƒe dɔla Yakob”
Tsikɔ mewu wo esi wòkplɔ wo to gbedzi o.
Ena tsi do tso agakpe me na wo.
Egbã agakpe la,
eye tsi do bababa.
Yehowa be,
“Ŋutifafa meli na ame vɔ̃ɖiwo o.”
Yehowa ƒe dɔla
Miɖo tom, mi ƒukpowo,
mise nya sia, mi didiƒe dukɔwo:
Hafi woava dzim la, Yehowa yɔm.
Tso nye vidzĩ me wòyɔ nye ŋkɔ.
Ewɔ nye nu abe yi ɖaɖɛ ene.
Etsɔm ɣla ɖe eƒe asi ƒe vɔvɔli te.
Etsɔm wɔ aŋutrɔ ɖaɖɛ,
eye wòɣlam ɖe eƒe daku me.
Egblɔ nam be, “Wòe nye nye dɔla, Israel,
si me maɖe nye atsyɔ̃ afia le.”
Ke megblɔ be, “Nye agbagbadzedzewo nye dzodzro.
Megblẽ nye ŋusẽ ɖe yame,
eye nyemeɖe vi aɖeke o.
Ke hã la, nu si nye tɔnye gome la,
le Yehowa ƒe asi me, eye nye fetu le nye Mawu gbɔ.”
Azɔ la, ale Yehowa,
ame si mem ɖe dɔ me be manye yeƒe dɔla la,
be makplɔ Yakob gbɔe ne maƒo ƒu Israel ɖe egbɔ,
elabena wode bubu ŋunye le Yehowa ŋkume,
eye nye Mawu nye nye ŋusẽ la gblɔe nye esi:
“Nu tsɛ ko wònye le ŋkuwò me be,
nènye nye dɔla, be nàgaɖo Israel ƒe towo te,
eye nàkplɔ Israel ƒe ame siwo mesusɔ ɖi la gbɔe.
Gawu la, mawɔ wò nànye kekeli na ame siwo menye Yudatɔwo o la,
be nàhe nye ɖeɖe vɛ na anyigba ƒe mlɔenuwo ke.”
Ale Yehowa, Ɖela kple Israel ƒe Kɔkɔetɔ la gblɔ
na dziɖulawo ƒe dɔla be,
“Fiawo akpɔ wò, eye woatso anɔ tsitre.
Fiaviwo akpɔ wò, eye woade ta agu
na Yehowa nuteƒewɔla,
Israel ƒe Kɔkɔetɔ la,
ame si tia wò la ta.”
Mawu gbugbɔ Israel ɖo te
Ale Yehowa gblɔe nye esi,
“Le nye dɔmenyo ƒe ɣeyiɣiwo me la, matɔ na wò,
eye le xɔxɔgbe makpe ɖe ŋu wò.
Malé wò ɖe asi, eye mawɔ wò nànye nubabla na amewo,
be nàgbugbɔ anyigba aɖo te,
eye nagbugbɔ eƒe domenyinu
siwo tsi yame la ama,
ekema nàgblɔ na aboyomenɔlawo be, ‘Mido va’,
eye na ame siwo le blukɔ me la be, ‘Miva kekeli nu!’
“Woaɖu nu le mɔwo to, eye woakpɔ gbeɖuƒe
le togbɛ ƒuƒluwo tame.
Dɔ kple tsikɔ magawu wo azɔ o.
Dzogbe xɔdzo alo ŋdɔkutsu magaɖu wo azɔ o.
Ame si kpɔa nublanui na wo la anye woƒe mɔfiala,
eye wòakplɔ wo ayi tɔʋuwo to.
Matrɔ nye towo katã woazu mɔtatawo,
eye woakɔ nye mɔ dodowo ɖe dzi.
Kpɔ ɖa, woatso teƒe didiwo ava.
Ɖewo atso anyiehe,
ɖewo atso ɣetoɖoƒe, eye ɖewo hã
atso Aswan nutowo me.”
Mido dzidzɔɣli, o mi dziƒowo!
O! Anyigba netso aseye.
Mido ha ɖa kple dzidzɔ.
O, mi towo!
Elabena Yehowa fa akɔ na eƒe dukɔ,
eye wòakpɔ nublanui na
ame siwo ŋu wode abie.
Ke Zion gblɔ be, “Yehowa gblem ɖi,
Aƒetɔ la ŋlɔm be.”
“Ɖe nyɔnu aŋlɔ vi si le no nu la be,
eye makpɔ nublanui na vi si eya ŋutɔ dzi oa?
Togbɔ be ate ŋu aŋlɔe be hã la,
nye ya nyemaŋlɔ wò be o!
Kpɔ ɖa, meŋlɔ wò ŋkɔ ɖe nye asiƒowo me,
eye wò gliwo le ŋkunye me ɖaa.
Viwò ŋutsuwo ɖe abla trɔ gbɔ,
eye ame siwo ha mi la dzo le mia gbɔ.
Mifɔ mo dzi, eye miatsa ŋku godoo.
Mia viŋutsuwo katã aƒo ƒu ava mia gbɔ,
zi ale si mele agbe.” Yehowae gblɔe.
“Miado wo abe ale si wodoa atsyɔ̃ɖonuwoe ene,
eye miatsɔ wo ado abe ale si ŋugbetɔ doa nu ene.
“Togbɔ be wogbã mi,
miezu aƒedo, eye miaƒe anyigba zu gbegbe hã la,
azɔ la, anɔ sue akpa na wò amewo,
eye ame siwo vuvu mi la,
anɔ adzɔge na mi.
Vi siwo wodzi na mi le miaƒe konyifaɣiwo me la,
agblɔ ɖe to me na mi be,
‘Teƒe sia le sue akpa na mí.
Mina teƒe keke mí míanɔ.’
Ekema àgblɔ le wò dzi me be,
‘Ame kae dzi ame siawo katã nam?
Kunyawo dzɔ ɖe dzinye, eye metsi ko.
Woɖe aboyom hegbe nu le gbɔnye.
Ame kae nyi ame siawo wotsi?
Nye ɖeka ko wogblẽ ɖi,
ke ame siawo ɖe afi ka wotso?’ ”
Ale Aƒetɔ, Yehowa gblɔe nye esi,
“Kpɔ ɖa, mamia asi Trɔ̃subɔlawo,
makɔ nye aflaga dzi na amewo.
Woalé mia viŋutsuwo ɖe woƒe abɔwo dome atsɔ vɛ,
eye woakɔ mia vinyɔnuwo ɖe abɔta vɛ.
Fiawo aɖu fofo na mia viwo,
fia nyɔnuwo ana no mia viwo.
Woade ta agu, atsyɔ mo anyi na mi le ŋkuwò me,
eye woaɖuɖɔ ke le afɔŋu na wò.
Ekema ànyae be nyee nye Yehowa,
ame siwo tsɔa woƒe mɔkpɔkpɔwo dana ɖe dzinye la,
nyemenana ŋu kpea wo o.”
Ɖe woate ŋu axɔ nu siwo kalẽtɔwo ha la
le wo si alo axɔ aboyomewo le ŋutasẽlawo sia?
Ke ale Yehowa gblɔ nye esi,
“Ɛ̃, woate ŋu axɔ nuhahawo le kalẽtɔwo si,
eye woaɖe aboyomewo le ŋutasẽlawo ƒe fego me.
Mawɔ avu kple ame siwo awɔ
avu kpli wò, eye maɖe viwòwo.
Mana ame siwo te wò ɖe enyi la
naɖu woawo ŋutɔ ƒe ŋutilã,
eye woano woawo ŋutɔ ƒe ʋu wòamu wo abe wain ene,
ekema amegbetɔƒomea anyae be,
nye Yehowae nye wò Ɖela,
eye Yakob ƒe Ŋusẽtɔ lae nye wò Xɔnametɔ.”
Israel ƒe nu vɔ̃ kple dɔla la ƒe toɖoɖo
Ale Yehowa gblɔe nye esi,
“Afi ka mia dada ƒe srɔ̃gbegbalẽ si metsɔ gbee la le?
Alo ame siwo ŋu menyi fe le
la dometɔ kae metsɔ mi dzra na?
Miaƒe nu vɔ̃wo tae wotsɔ mi dzra ɖo.
Miaƒe dzidadawo tae wonya mia dada ɖo.
Nu ka ta esi meva la, ame aɖeke meli o?
Nu ka ta esi meyɔ mi la, ame aɖeke metɔ o?
Ɖe nye abɔ to ɖe me be mate ŋu aɖe mi oa?
Ɖe ŋusẽ mele ŋunye be maxɔ na mi oa?
Gbe ko meɖe, tete atsiaƒu mie.
Mena tɔsisiwo zu gbegbe, eye lã siwo le wo me la ƒaƒã,
elabena tsi mie le wo ŋu,
eye tsikɔ wu wo woku.
Metsɔ viviti tsyɔ lilikpo ŋgɔ,
eye mena akpanya zu edzitsyɔnu.”
Aƒetɔ Yehowa tsɔ nufiala ƒe aɖe nam
be manya nya si matsɔ ado ŋusẽ
ame si gbɔdzɔ lae.
Enyɔam ŋdi sia ŋdi.
Eʋua nye to be mase nu
abe ame si wole nu fiam la ene.
Aƒetɔ Yehowa, ʋu nye towo, eye nyemadze aglã o,
nyemegbugbɔ yi megbe hã o.
Metrɔ nye dzime na ame siwo ƒom,
metrɔ nye tome na ame siwo nyɔa ge nam la.
Nyemeɣla nye mo ɖe fewuɖulawo
kple ame siwo nyɔa ta ɖe mo nam o.
Esi Aƒetɔ Yehowa, kpena ɖe ŋunye ta la,
ŋu makpem o,
eya ta mewɔ nye mo wòse abe hlihakpe ene,
eye menya be ŋu makpem o.
Ame si ɖeam le nya me la tsɔ ɖe gbɔnye,
eya ta ame kae ate ŋu atsɔ nya ɖe ŋunye?
Nena míado go ŋkume kple ŋkume!
Ame kae nye nunyetsola?
Nekpe avu kplim!
Aƒetɔ Yehowae kpe ɖe ŋunye.
Ame ka ate ŋu abu fɔm?
Wo katã woanyunyɔ abe avɔ ene
eye agbagblaʋui aɖu wo.
Ame kae le mia dome si vɔ̃a Yehowa,
eye wòwɔa eƒe dɔla ƒe nya dzi?
Na ame si le viviti me zɔm,
akaɖi mele esi o la naka ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ dzi,
eye wòaɖo ŋu ɖe eƒe Mawu la ŋuti.
Ke azɔ mi ame siwo katã do dzo,
eye miewɔ akakatiwo na mia ɖokuiwo la, miyi,
eye miazɔ le miaƒe dzo siwo miedo
kple akakati siwo miesi la ƒe keklẽ nu.
Esiae nye nu si miaxɔ tso asinyeme:
Miamlɔ anyi ɖe fuwɔame me.
Ɖeɖe mavɔ na Zion
“Miɖo tom, mi ame siwo tia dzɔdzɔenyenye yome,
eye miedia Yehowa.
Mikpɔ agakpe si me woɖe mi tsoe
kple fukpekpe si me woɖe mi le la dzi.
Mikpɔ mia fofo Abraham kple Sara,
ame siwo dzi mi la dzi.
Esi meyɔe la, eya ɖeka koe,
gake meyrae, eye mewɔe wòzu ame geɖe.
Yehowa afa akɔ na Zion godoo, eye anye kɔ akpɔ
eƒe gli gbagbãwo kple dɔmetɔtrɔ.
Atrɔ eƒe gbegbe wòazu Edenbɔ,
eƒe kuɖinyigbawo abe Yehowa ƒe abɔ ene.
Dzidzɔ kple vivisese anɔ afi ma
eye akpedada kple hadzidzi hã anɔ afi ma.
“Nye amehawo, miɖo tom,
nye dukɔ, miaƒe to nenɔ ŋunye:
Nufiame atso gbɔnye,
eye nye ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃
anye kekeli na dukɔwo.
Nye dzɔdzɔenyenye gbɔna kple du,
nye ɖeɖe le mɔ dzi gbɔna,
eye nye abɔ ahe afia nyui
tsotso vɛ na dukɔwo.
Ƒukpowo akpɔ mɔ nam, eye woalala
kple mɔkpɔkpɔ anɔ nye alɔ sinu kpɔm.
Mifɔ mo dzi ne miakpɔ dziƒo,
mide mo to ne miakpɔ anyigba.
Dziƒowo nu ava yi abe dzudzɔ ene.
Anyigba anyunyɔ abe avɔ ene,
eye edzinɔlawo aku abe tagbatsutsu ene,
ke nye xɔname anɔ anyi ɖikaa,
eye nye dzɔdzɔenyenye nu matsi gbeɖe o.
“Miɖo tom, mi ame siwo nya nu si le dzɔdzɔe.
Mi ame siwo ƒe dziwo me nye se la le,
migavɔ̃ amewo ƒe mokaname o,
eye woƒe dzu megado ŋɔdzi na mi o,
elabena gbagblaʋui aɖu wo abe avɔ ene,
eye ŋɔ aɖu wo abe ɖetifu ene.
Ke nye dzɔdzɔenyenye la anɔ anyi tegbee,
eye nye xɔname anɔ anyi tso dzidzime yi dzidzime.”
Nyɔ, nyɔ! O! Yehowa ƒe alɔ, ne nàtsɔ ŋusẽ ado.
Nyɔ abe le tsã ƒe ɣeyiɣiwo kple blemaŋɔliwo ene.
Ɖe menye wòe fli Rahab kakɛkakɛ,
eye nètsɔ nu ƒo ɖe lã dziŋɔ la oa?
Ɖe menye wòe na atsiaƒu,
tɔ goglo la me tsiwo mie,
eye nèta mɔ ɖe atsiaƒu me be
ame siwo woɖe la nato edzi ayi oa?
Yehowa ƒe ame siwo woɖe la atrɔ agbɔ.
Woage ɖe Zion kple aseyetsotso,
eye dzidzɔkpɔkpɔ anye fiakuku anɔ woƒe tawo dzi.
Vivisese kple dzidzɔkpɔkpɔ asu wo si,
eye nuxaxa kple hũɖeɖe abu ɖe wo.
“Nye, nye koe faa akɔ na mi.
Ame kae nènye be nèle vɔvɔ̃m na amegbetɔ
siwo le abe gbe ko ene?
Nu ka ta nèŋlɔ Yehowa,
wò Wɔla, si keke dziƒowo me,
eye wòɖo anyigba ƒe agunu anyi la be?
Nu ka ta ŋɔdzi léa wò gbe sia gbe
le ameteɖeanyila ƒe dɔmedzoe ta,
ame si ɖoe kplikpaa be yeagblẽ nu?
Afi ka ameteɖeanyila ƒe dɔmedzoe la le azɔ?
Woaɖe ga gamenɔla siwo le vɔvɔ̃m la kpuie.
Womaku ɖe gaxɔ me loo
alo abolo nahiã wo o,
elabena nyee nye Yehowa, wò Mawu,
ame si de adã atsiaƒu me be ƒutsotsoewo dze agbo.
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ.
Metsɔ nye nyawo de nuwò,
eye meɣla wò ɖe nye asi ƒe vɔvɔli te.
Nye ame si tsɔ dziƒowo ɖo
wo teƒe heɖo anyigba gɔme anyi,
eye megblɔ na Zion be, ‘Nye dukɔ nènye.’ ”
Yehowa ƒe dɔmedzoekplu
Nyɔ, nyɔ! O! Yerusalem, fɔ,
wò ame si ƒe dɔmedzoekplu le Yehowa ƒe asi me.
Wò ame si no nu muame la wòvɔ ƒioƒioƒio,
kplu si nana amewo zɔna sɔgɔsɔgɔ.
Viŋutsu siwo katã wòdzi la ɖeke meli afia mɔe o.
Viŋutsu siwo katã wònyi la, ɖeke meli alé eƒe alɔnu o.
Dzɔgbevɔ̃e evee dzɔ ɖe dziwò,
ame kae ate ŋu afa akɔ na wò?
Gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃,
dɔwuame kple yi ƒo go wò,
ame ka ate ŋu afa akɔ na wò.
Nu te viwò ŋutsuwo ŋu.
Womlɔ mɔtata ɖe sia ɖe ƒe dzogoewo dzi
abe avugbɔ̃e si ɖo mɔ me la ene.
Yehowa ƒe dɔmedzoe kple wò Mawu la
ƒe mokaname ɖi ƒo na wo,
eya ta ɖo to afii,
wò ame si kpe hiã, eye nèmu aha,
evɔ mèno wain hã o.
Ale wò Aƒetɔ, Yehowa gblɔe nye esi,
wò Mawu si ʋli eƒe dukɔ ta la be,
“Kpɔ ɖa, mexɔ kplu si na nèle mumum sɔgɔsɔgɔ la le asiwò.
Màgano nye dɔmedzoe ƒe nu muame la
le kplu sia me azɔ gbeɖe o.
Matsɔe ade asi na wò fuwɔamela
siwo gblɔna na wò be,
‘Mlɔ anyi ne míazɔ dziwò ayi’,
eye nèwɔ wò dzime abe anyigba
kple mɔdodo ene be woato edzi ayi.”
Nyɔ! O! Zion, nyɔ ne nàta ŋusẽ.
Tsɔ wò atsyɔ̃vɔ nàta.
O! Yerusalem, du kɔkɔe.
Aʋamatsolawo kple ame makɔmakɔwo
magage ɖe mewò azɔ o.
Ʋuʋu ke le ŋutiwò.
Tsi tsitre! Yerusalem, ne nànɔ fiazi dzi.
O! Zion nyɔnuvi si woɖe aboyoe,
ɖe ga si wode kɔ na wò la ɖa.
Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi,
“Wotsɔ mi dzra naneke maxɔmaxɔe,
eya ta woagbugbɔ mi axɔ,
gake menye kple ga o.”
Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi:
“Tsã la, nye dukɔ yi Egipte be wòanɔ afi ma.
Emegbe la, Asiriatɔwo tee ɖe to vevie.
“Ke azɔ la, nu kae le asinye le afi sia?” Yehowae gblɔe.
“Esi me wokplɔ nye dukɔ dzoe yakatsyɔ,
eye wo dziɖulawo ɖua fewu le wo ŋu.”
Yehowae gblɔe.
“Gbe sia gbe
wole gbɔ̃ ɖim nye ŋkɔ,
eya ta nye dukɔ anya nye ŋkɔ,
eye le ŋkeke ma dzi la,
woanya be nyee gblɔe da ɖi.
Ɛ̃, be nyee.”
Du nyui tsɔlawo ƒe afɔwo nyo le towo dzi loo!
Ame siwo ɖea gbeƒã ŋutifafa,
ame siwo hea gbedeasi nyuiwo vɛ.
Ame siwo ɖe gbeƒã ɖeɖekpɔkpɔ,
eye wogblɔna na Zion be,
“Wò Mawu nye fia ɖaa!”
Ɖo to afii, wò gbetakpɔlawo kɔ
woƒe gbewo dzi hedo dzidzɔɣli ɖekae.
Ne Yehowa trɔ gbɔ va Zion la,
woakpɔe kple woƒe ŋkuwo.
Midzi dzidzɔhawo,
mi Yerusalem ƒe gli kpowo,
elabena Yehowa fa akɔ na eƒe dukɔ,
eye wòɖe Yerusalem.
Yehowa aklo nu le eƒe abɔ kɔkɔe la ŋu
le dukɔwo ƒe ŋkume,
eye anyigba ƒe mlɔenuwo ke hã
akpɔ mia Mawu la ƒe ɖeɖe.
Midzo, midzo, mido go le afi ma!
Migaka asi nu makɔmakɔ aɖeke ŋu o!
Mido go le eme, Migade asi woƒe nu siwo ŋuti mekɔ o.
Mi ame siwo lé Yehowa ƒe kpluwo ɖe asi.
Ke miadzo kplakplakpla alo asi adzo o,
elabena Yehowa adze ŋgɔ na mi,
eye Israel ƒe Mawu la axe megbe na mi.
Dɔla la ƒe fukpekpe kple ŋutikɔkɔe
Kpɔɖa, nye dɔla awɔ nu ɖe nunya me.
Woadoe ɖe dzi.
Axɔ ŋkɔ, eye woade bubu gã aɖe eŋu.
Abe ale si ame geɖewo ƒe nu ku le eŋuti,
eƒe dzedzeme tro kpaɖikpaɖi wu
ame sia ame tɔ, eye eƒe nɔnɔme gblẽ ale gbegbe be,
megaɖi amegbetɔ o ene la,
nenema kee wòahlẽ nu ɖe dukɔ geɖewo dzi,
eye fiawo amia nu le eya amea ta,
elabena woakpɔ nu si womegblɔ na wo o,
eye woase nu si womese kpɔ o la gɔme.
Ame kae xɔ miaƒe gbedeasi la dzi se,
eye ame ka ŋue woɖe Aƒetɔ la ƒe alɔ fia ɖo?
Edze abe atilɔ fɛ̃ ene le eŋkume,
eye wòle abe ke si woɖe
le anyigba ƒuƒu me la ene.
Nyonyo alo fianyenye mele eŋu ne
eƒe nu nanyo mia ŋu o.
Naneke mele eƒe dzedzeme ŋu
si awɔe be wòadzro mí o.
Amewo do vloe, eye wogbee.
Ŋutsu si dzi vevesese kple fukpekpe le la wònye.
Ele abe ame si ta amewo tsɔ nu tsyɔ ŋkume ɖo la ene.
Wodo vloe, eye míebui ɖe naneke me o.
Ke le nyateƒe me la, eyae tsɔ míaƒe dɔlélewo,
eye wòde ta míaƒe vevesesewo te,
gake míebui abe ame si Mawu ƒo,
eye wòtsɔ fukpekpewo da ɖe edzi la ene.
Ke woƒo nu ɖee le míaƒe dzidadawo ta.
Wogbãe gudugudu ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta.
Tohehe si he ŋutifafa vɛ na mí la le eya amea dzi,
eye eƒe abi siwo wòxɔ la yɔ dɔ mí.
Mí katã míetra mɔ abe alẽwo ene.
Mía dometɔ ɖe sia ɖe lé eƒe mɔ tsɔ;
ke Yehowa tsɔ mí katã ƒe nu vɔ̃wo da
ɖe eya amea dzi.
Wotee ɖe to, eye wòkpe fu, gake meke nu o.
Wokplɔe abe alẽ ene yina wuwu ge.
Ezi ɖoɖoe kpoo abe alẽ si le
eƒe fukolawo ŋkume la ene, eye meke nu o.
Wolée, hedrɔ̃ ʋɔnui, eye wokplɔe dzoe.
Ame ka ate ŋu aƒo nu le eƒe dzidzimeviwo ŋuti?
Woɖee ɖa le agbagbeawo ƒe anyigba dzi.
Le nye amewo ƒe dzidadawo ta woƒoe ɖo.
Woɖe yɔdo nɛ ɖe ame vɔ̃ɖiwo dome,
eye le eƒe ku me, wòmlɔ kesinɔtɔwo dome;
evɔ mewɔ vɔ̃ aɖeke loo alo beble nɔ eƒe nu me o.
Ke enye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu be wòagbãe gudugudu,
ana wòakpe fu togbɔ be Yehowa tsɔ
eƒe agbe wɔ fɔɖivɔsae hã la,
akpɔ eƒe dzidzimeviwo.
Adidi eƒe ŋkekewo ɖe edzi,
eye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu ava eme to eƒe asi dzi.
Ne eƒe luʋɔ kpe fu vɔ la,
akpɔ agbe ƒe kekeli, eye eƒe dzi adze eme;
to enyanya me, nye dɔla dzɔdzɔe atso afia
na ame geɖewo, eye wòade ta woƒe nu vɔ̃wo te,
eya ta mana gomekpɔkpɔe
le ame ŋkutawo dome.
Ama afunyinuwo kple kalẽtɔwo,
elabena etsɔ eƒe agbe de ku me ke,
eye wowui ɖe nu vɔ̃ wɔlawo dome ene;
evɔ eyae tsɔ ame geɖewo ƒe nu vɔ̃,
eye wòxɔ nya ɖe vodalawo nu.
Ŋutikɔkɔe si ava Zion dzi
“Tso aseye, o konɔ,
wò ame si medzi vi kpɔ o.
Wò ame si melé ku kpɔ o.
Dzi ha nàdo dzidzɔɣli,
elabena nyɔnu si tsi akogo la
ƒe viwo sɔ gbɔ wu nyɔnu si si srɔ̃ le la.”
Yehowae gblɔe.
Keke wò agbadɔ ƒe nɔƒe ɖe edzi,
he wò agbadɔvɔ la me ɖe edzi;
he wò agbadɔvɔ la me ɖe edzi,
mègatoe ɖe eme o.
Didi wò agbadɔkawo ɖe enu,
eye nàƒo wò tsyotiwo ɖe to sesĩe,
elabena akeke ta ayi ɖusime kple miame.
Wò dzidzimeviwo axɔ dukɔwo
ƒe anyigbawo le wo si, eye woatso aƒewo ɖe
woƒe du gbagbãwo me, anɔ wo me.
“Mègavɔ̃ o, elabena wò mo matsi dãa o.
Mègavɔ̃ na ŋukpeɖuɖu o,
elabena womado vlo wò o.
Àŋlɔ wò ɖetugbimeŋukpewo be,
eye màgaɖo ŋku wò ahosinyenye
ƒe vlododowo dzi o,
elabena wò wɔlae nye srɔ̃wò.
Eƒe ŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ.
Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae nye wò Ɖela.
Woyɔnɛ be anyigba blibo la ƒe Mawu.
Yehowa agbugbɔ ayɔ wò vɛ,
abe nyɔnu si gbɔ srɔ̃a gbe nu le,
eye eƒe gbɔgbɔ le nu xam la ene.
Abe ame si ɖe srɔ̃ le ɖetugbime,
eye srɔ̃a gblee ɖi la ene”
Wò Mawu lae gblɔe.
“Megble wò ɖi ɣeyiɣi kpui aɖe ko,
gake matsɔ dɔmetɔtrɔ si goglo la akplɔ wò agbɔe.
Le nye dziku sesẽ la me meɣla
nye mo ɖe wò ɣeyiɣi kpui aɖe,
gake matsɔ dɔmenyo si nɔa anyi
tegbee la ave nuwòe.”
Yehowa, wò Ɖelae gblɔe.
“Ele nam ko abe Noa ƒe ɣeyiɣiwo me ene,
esi meka atam be ale si tsi ɖe anyigbae le Noa ŋɔli la,
magadzɔ nenema akpɔ gbeɖe o.
Nenema kee meka atam azɔ be
nyemagado dziku ɖe mia ŋuti o
eye nyemagaka mo na mi akpɔ o.
Togbɔ be towo aʋa, eye togbɛwo aɖe ɖa hã la,
nye lɔlɔ̃ mavɔ si metsɔ lɔ̃ mi la maʋã o,
eye nye ŋutifafanubabla mate ɖa o.”
Yehowa, wò nublanuikpɔlae gblɔe.
“O! Wò du si kpe hiã,
ahom lɔ wò ɖe nu, eye womefa akɔ na wò o.
Matsɔ kpe ŋɔŋɔewo atu wòe,
eye matsɔ adzagba aɖo gɔwòme anyi.
Matsɔ gbloti asrã wò xɔtamee,
wò agbowo anye lekewɔnu siwo le keklẽm,
eye wò gliwo anye kpe xɔasiwo.
Yehowa afia nu viwò ŋutsuwo katã,
eye viwòwo ƒe ŋutifafa asɔ gbɔ fũu.
Woaɖo gɔwòme anyi le dzɔdzɔenyenye me.
Ŋutasesẽ anɔ adzɔge na wò.
Màvɔ̃ na naneke o.
Ŋɔdzi ate ɖa xaa tso gbɔwò,
eye mate ɖe ŋuwò o.
Ne ame aɖe wɔ avu kpli wò la, menye nyee dɔe o.
Ame si awɔ avu kpli wò la, ana ta.
“Kpɔ ɖa, nyee wɔ gbede
si yɔa ʋu ɖe dzo te wòléna,
eye wòtua lãnu si hiã na eƒe dɔ.
Nyee wɔ nugblẽla be wòagblẽ nu;
lãnu sia lãnu si wotu ɖe ŋutiwò la,
madze edzi o,
eye àɖu aɖe sia aɖe si atso ɖe
ŋutiwò le ʋɔnu la dzi.
Esiae nye Yehowa ƒe dɔlawo ƒe domenyinu,
eye wòganye afiatsotso na wò tso gbɔnye,”
Yehowae gblɔe.
Tsikɔwuawo kpekpe
“Miva, mi ame siwo katã tsikɔ le wuwum.
Miva tsi gbɔ, eye mi ame siwo si ga mele o,
miva ƒle nu ne miaɖu!
Miva dze wain kple nyinotsi,
menye kple ga o,
ke boŋ femaxee.
Nu ka ta miagblẽ ga ɖe nu si menye abolo o la ŋuti,
eye miagblẽ miaƒe ɣeyiɣi ɖe nu
si meɖia ƒodo o la ŋuti?
Miɖo to, miɖo tom ne miaɖu nu si nyo,
eye miaƒe luʋɔ akpɔ dzidzɔ ɖe
nuɖuɖu nyuitɔ kekeake ŋuti.
Miɖo to ne miava gbɔnye.
Miɖo tom be miaƒe luʋɔ nanɔ agbe.
Mabla nu mavɔ kpli mi,
elabena metsɔ nye lɔlɔ̃ si meʋãna o
la do ŋugbee na David.
Kpɔ ɖa, metsɔe wɔ ɖasefoe na dukɔwo be
wòanye kplɔla kple aʋafia na dukɔwo.
Le nyateƒe me,
miayɔ dukɔ siwo mienya o la aƒo ƒu,
eye dukɔ siwo mienya o
la aɖe abla ava mia gbɔ le Yehowa,
miaƒe Mawu, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la,
ta, elabena eyae ɖo atsyɔ̃ na mi!”
Midi Yehowa zi ale si miate ŋu ake ɖe eŋu.
Miyɔe zi ale si wòtsɔ ɖe mia gbɔ.
Ame vɔ̃ɖi neɖe asi le eƒe mɔ vɔ̃ ŋu,
eye ŋutasẽla neɖe asi le eƒe susu vɔ̃wo ŋu,
netrɔ ɖe Yehowa ŋu be wòakpɔ nublanui nɛ
kple miaƒe Mawu la ŋu,
elabena atsɔ wo akee faa.
“Elabena nye susuwo menye miaƒe susuwo o
eye miaƒe mɔwo hã menye nye mɔwo o,”
Yehowae gblɔe.
“Abe ale si dziƒowo kɔ boo tso anyigba gbɔe ene la,
nenema kee nye mɔwo kɔ wu miaƒe mɔwo,
eye nye susuwo kɔ wu miaƒe susuwo.
Abe ale si tsi kple tsikpe dzana tso dziƒoe,
eye megatrɔna yia dziƒo o,
negbe ɖe wode tsi anyigba
kple nuku siwo le edzi
be woatse ku nyuiwo na agbledela,
eye woanye abolo na ame si aɖui ene la,
nenema kee nye,
nye nya si do le nye nu me,
matrɔ agbɔ va gbɔnye ƒuƒlu o;
negbe ɖe wòwɔ nu si medi
kple nu si ta medɔe ɖo la hafi.
Míado go kple dzidzɔkpɔkpɔ,
eye woakplɔ mí le ŋutifafa me.
Towo kple togbɛwo agli
kple dzidzɔkpɔkpɔ le mia ŋgɔ
eye ati kple gbe siwo
le gbedzi la aƒo asikpe.
Le ŋuve teƒe la logotiwo amie na mi,
eye le aŋɔkawo teƒe la gbotiwo amie na mi.
Esia tso Yehowa gbɔ be,
wòanye dzesi mavɔ si womagblẽ akpɔ gbeɖe o.”
Ɖeɖe na ame bubuwo
Ale Yehowa gblɔe nye esi,
“Minɔ ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ dzi,
eye miwɔ nu si le dzɔdzɔe,
elabena nye ɖeɖe tsɔ ɖe mia gbɔ,
eye esusɔ vie woaɖe
nye dzɔdzɔenyenye ɖe go.
Woayra ame si wɔna alea heléa eme ɖe asi sesĩe,
ame si megblẽa kɔ ɖo na Dzudzɔgbe la o,
ke boŋ wòléa eme ɖe asi,
eye menana eƒe asi wɔa nu vɔ̃ɖi o.”
Amedzro si tsɔ eɖokui na Yehowa la megagblɔ be,
“Yehowa le ɖe nye ge ɖa le eƒe dukɔ la dome” o.
Ŋutsu si wota hã megafa konyi agblɔ be,
“Ati ƒuƒu ko menye” o.
Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi,
“Ne ŋutsu siwo wota, lé nye Dzudzɔgbe me ɖe asi,
hetia nu si dzea ŋunye,
eye wolé nye nubabla me ɖe asi goŋgoŋ la,
mana ŋkuɖodzikpe kple ŋkɔ wo ɖe
nye gbedoxɔ kple eƒe gliwo me,
esi nyo wu viŋutsuwo kple vinyɔnuwo.
Matsɔ ŋkɔ mavɔ si womate ŋu
aɖe ɖa akpɔ gbeɖe o la na wo.
Ke hena amedzro siwo ku ɖe Yehowa ŋu
be woanye dɔlawo nɛ,
woalɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye woasubɔe.
Wo ame siwo katã lé nye Dzudzɔgbe me ɖe asi,
womegblẽ kɔ ɖo nɛ o,
eye woku ɖe nye nubabla ŋu vevie la,
woawoe makplɔ ava nye to kɔkɔe la dzi,
eye mado dzidzɔ na wo le nye gbedoxɔ me.
Maxɔ woƒe numevɔsa kple akpedavɔsa
siwo wotsɔ va nye vɔsamlekpui dzi,
elabena woayɔ nye aƒe
la be dukɔwo katã ƒe gbedoxɔ.”
Aƒetɔ Yehowa, ame si ƒo Israel ƒe amewo nu ƒu la be,
“Magaƒo ame bubuwo nu ƒu,
akpe ɖe ame siwo ƒo ƒu xoxo la ŋu.”
Mawu tsɔ nya ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu
Miva, mi lã wɔadãwo katã.
Miva ne miavuvu nu,
mi avemelã wɔadãwo katã!
Israel ƒe gbetakpɔlawo katã nye ŋkugbagbãtɔwo.
Nunya metso aƒe ɖe wo gbɔ o.
Avu si ƒe aɖe tu lae wonye.
Womate ŋu awo o.
Womlɔa anyi hekua drɔ̃e,
eye alɔ̃ vivia wo nu.
Wonye avu siwo ɖua nutsu;
nu meɖia ƒo na wo o.
Wonye alẽkplɔla siwo mesea nugɔme o.
Wo katã wolé woƒe mɔ tsɔ,
ɖe sia ɖe le eya ŋutɔ ƒe viɖe dim.
Ɖe sia ɖe doa ɣli be,
“Miva, mina ne maku wain vɛ!
Miva ne miano aha muame wòasu mi!
Etsɔ hã nanɔ abe egbe ene
alo nanyo sãa wu gɔ̃ hã.”
Ame dzɔdzɔe tsrɔ̃na, eye ame aɖeke
mebua eŋu le eƒe dzi me o.
Woɖea Mawumemewo ɖa,
gake ame aɖeke mesea egɔme be
ɖe woɖea ame dzɔdzɔewo ɖa be
womagadze nu vɔ̃ɖi me o.
Ame siwo zɔna le dzɔdzɔenyenye me
la yina ɖe ŋutifafa me,
le ku me ke hã, wodzudzɔna.
“Ke mite va afii, mi nyɔnunukala ƒe viwo.
Mi ahasitɔwo kple gbolowo ƒe dzidzimeviwo!
Ame ka ŋue miele fewu ɖum le?
Ame ka ŋu mieke nu bãa ɖo hedo
aɖe ɖe gota biɖaa na?
Ɖe menye aglãdzelawo kple alakpatɔwo
ƒe dzidzimeviwoe mienye oa?
Fieŋufieŋu le lãme na mi ɖe legbawo ŋu,
le logotiwo kple ati dama ɖe sia ɖe te.
Mietsɔa mia viwo sãa vɔe
le balimewo kple agakpetowo te.
Legba siwo le balime kple kpe zɔsrɔ̃ewo dome lae
nye wò gomekpɔkpɔ.
Woawoe nye tɔwò.
Woawoe nèƒoa aha ɖi na,
eye nètsɔa nuɖuvɔsa hã naa wo.
Le nu siawo katã ta la, ɖe mazi kpia?
Èɖo aba ɖe togbɛ si kɔ bobobo la dzi.
Afi mae nèyi hewɔ vɔsawo le.
Ètsɔ wò trɔ̃subɔnuwo da ɖe
wò ʋɔtruwo kple ʋɔtrutiwo megbe.
Ègbe nu le gbɔnye.
Èklo nu le wò aba dzi hede edzi,
eye nèkekee ɖe edzi hebla enu
kple ame siwo ƒe abawo nèlɔ̃,
eye nèkpɔ woƒe amame.
Èyi ɖe Molek gbɔ kple ami,
eye nètsɔ ami ʋeʋĩwo kpe ɖe eŋu fũu.
Èɖo wò ame dɔdɔwo ɖe didiƒe ke,
eye wò ŋutɔ nèyi tsiẽƒe!
Wò mɔwo na ɖeɖi te ŋuwò,
gake mèdi be yeagblɔ be,
‘Wo katã nye tofloko’ o.
Èkpɔ be wò ŋusẽ gaɖo yeye me,
eya tae nu mete ŋuwò o.
“Ame kae dzi ŋɔ na mi nenema,
eye ame kae mievɔ̃ na
nenema gbegbe be mieto nyateƒe nam o,
eye mieɖo ŋku dzinye alo bu nu sia ŋuti
le miaƒe dzi me o?
Ɖe menye esi mezi kpi eteƒe didi
tae mievɔ̃na nam oa?
Maɖe miaƒe dzɔdzɔenyenye
kple miaƒe dɔwɔwɔwo ɖe go afia,
ke womaɖe vi aɖeke na mi o.
Ne miedo ɣli be woakpe ɖe mia ŋu la,
ekema mina miaƒe legba gbogboawo naxɔ na mi!
Ya akplɔ wo katã adzoe,
ne woɖo ƒuƒu teti ɖe wo la,
wo katã woaƒo ya adzo;
ke ame si tsɔm wɔ eƒe sitsoƒee la,
anyi anyigba la ƒe dome,
eye wòaxɔ nye to kɔkɔe la wòanye etɔ.”
Akɔfafa na dzimetrɔlawo
Woagblɔ be,
“Mido mɔ, mido mɔ.
Midzra mɔtata la dzi ɖo!
Miɖe mɔxenuwo ɖa le mɔ me na nye dukɔ”,
elabena ale ame si nye gã,
eye wòkɔ wu nuwo katã,
ame si li tegbee, eye eƒe ŋkɔe
nye Kɔkɔe la gblɔe nye esi,
“Mele teƒe kɔkɔ si le kɔkɔe,
gake meli kple ame si ƒe nu vɔ̃wo vee,
eye wòbɔbɔ eɖokui ɖe anyi le gbɔgbɔ me be
magbɔ agbe ame si bɔbɔ eɖokui ɖe anyi la
ƒe gbɔgbɔ, eye magbɔ agbe
ame si ƒe nu vɔ̃wo vee la ƒe dzi.
Nyemanɔ fɔ bum ɖaa
alo ado dɔmedzoe ɣe sia ɣi o,
ne menye nenema o la,
nu ati kɔ na ame ƒe gbɔgbɔ le ŋkunye me,
eye nu ate luʋɔ siwo mewɔ la ŋu.
Nye dɔmedzoe fla le eƒe ŋubiabiã ƒe nu vɔ̃ ta.
Mehe to nɛ, eye meɣla nye ŋkume ɖee le dziku me,
ke hã la, egayi eƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ dzi.
Mekpɔ eƒe mɔwo, gake mada gbe le eŋu.
Mafia mɔe, eye magbugbɔ afa akɔ nɛ.
Matsɔ kafukafuha ade nu
na Israel ƒe konyifalawo, eye
ŋutifafa, ŋutifafa na ame siwo le kpuiƒe kple didiƒe siaa.
Nye la, mayɔ dɔ wo katã.”
Yehowae gblɔe.
“Ke ame vɔ̃ɖiwo le abe atsiaƒu dzeagbo
si mate ŋu anɔ anyi kpoo o la ene;
esi ƒe ƒutsotsoewo le gbeɖuɖɔ
kple ba ɖem ɖe go.”
Nye Mawu be,
“Ŋutifafa meli na ame vɔ̃ɖi la o.”
Nutsitsidɔ vavãtɔ
“Gblɔe kple ɣli, mègadzudzɔ o.
Kɔ wò gbe dzi abe kpẽ ene.
Gblɔ nye dukɔ ƒe aglãdzedze nɛ
kple Yakob ƒe aƒe la ƒe nu vɔ̃wo nɛ.
Wole diyem gbe sia gbe.
Edze abe ɖe wotsi dzi be woanya nye mɔwo
abe ɖe wonye dukɔ si wɔa nu dzɔdzɔe,
eye womeŋlɔ woƒe Mawu ƒe sewo be o la ene.
Wole afiatsotso dzɔdzɔe dim tso gbɔnye,
eye wòdze abe ɖe wotsi dzi
be Mawu nate ɖe wo ŋu kpokploe ene.
Wobiana be, ‘Nu ka ŋuti míetsi nu dɔ,
gake mède nu eme na mí o,
eye míebɔbɔ mia ɖokuiwo,
gake mède dze sii o?’
“Evɔ gbe si gbe mietsi nu dɔ la,
miewɔ nu si dze mia ŋu,
eye mieba miaƒe dɔwɔlawo katã.
Miaƒe nutsitsidɔ la wua enu kple dzrewɔwɔ,
kple avuwɔwɔ, gawu la,
mietu kɔ mia nɔewo tamesesẽtɔe
kple miaƒe asi vɔ̃ɖiwo.
Migakpɔ mɔ be ne mietsi nu dɔ nenema la,
woase miaƒe gbe le dziƒo o.
Ɖe esia nye nutsitsidɔ si tɔgbi melɔ̃na be
ame nabɔbɔ eɖokui le ŋkeke ɖeka ko mea?
Tadede agu abe keti ene,
akpanyadzimɔmlɔ kple dzofimemɔmlɔ
koe nye nutsitsidɔa?
Eya yɔm nèle be nutsitsidɔ
kple ŋkeke si dzea Yehowa ŋua?
“Ɖe menye esiae nye nutsitsidɔ si metia oa,
be woaɖe nu madzɔmadzɔwo ƒe gakɔsɔkɔsɔwo ɖa,
woatu kɔkuti ƒe kɔsasawo,
ne woana ablɔɖe ame siwo wote ɖe to,
eye woaŋe kɔkuti ɖe sia ɖe oa?
Ɖe menye eyae nye be nàna nuɖuɖu dɔwuitɔwo,
ana nɔƒe ame dahe si le tsaglãla tsam,
ne èkpɔ ame aɖe wòle amama la, nàta avɔ nɛ,
eye màtrɔ megbe ade wò ŋutɔ
wò ŋutilã kple ʋu oa?
Ekema wò kekeli adze abe agudzedze ene,
eye wò dɔyɔyɔ ado kaba.
Ekema wò dzɔdzɔenyenye adze ŋgɔ na wò,
eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe axe megbe na wò.
Ekema àyɔ Yehowa, eye wòatɔ na wò.
Àdo ɣli be wòaxɔ na wò, eye wòagblɔ be,
‘Nyee nye esi.’
“Ne èɖe teteɖeanyi ƒe kɔkuti ɖa,
asifiafia ame kple ameŋugblẽnyawo gbɔgblɔ,
ne ètsi nu dɔ hetsɔ wò nuɖuɖu na dɔwuitɔ,
eye nèkpɔ ame siwo wote ɖe anyi la
ƒe hiahiãwo gbɔ la,
ekema wò kekeli adze le viviti me,
eye wò zã anɔ abe ŋdɔkutsu ene.
Yehowa akplɔ wò ɖaa.
Akpɔ wò hiahiãwo gbɔ le kuɖiɖinyigba dzi,
eye wòado ŋusẽ wò ameti blibo la.
Ànɔ abe abɔ si wode tsii nyuie
kple vudo si memiena o ene.
Wò amewo agbugbɔ blemaƒedowo atu,
eye woaɖo gli ɖe gbe aɖe gbe tɔwo
ƒe gɔmeɖokpe xoxowo dzi.
Woayɔ wò be ‘Gli gbagbãwo ɖɔɖola
kple mɔtata siwo to duwo me la dzraɖola.’
“Ne èhe ɖe megbe tso Dzudzɔgbe ŋkeke la gbegblẽ gbɔ,
ne mèwɔ nu si dze ŋuwò le ŋkeke kɔkɔe la dzi o,
ke boŋ nèkpɔ dzidzɔ le Dzudzɔgbe ŋkeke la ŋu,
eye nède bubu Yehowa ƒe ŋkeke kɔkɔe la ŋu,
ne ède bubu eŋu, mèlé wò mɔ tsɔ o,
ne mèwɔ nu si dze ŋuwò,
alo gblɔ nya dzodzrowo o la,
ekema àkpɔ dzidzɔ le Yehowa me,
eye mana be nàɖi tsa ade anyigba
ƒe kɔkɔƒewo ahaɖu fofowò,
Yakob ƒe domenyinu.”
Yehowa ƒe nue gblɔe.
Nu vɔ̃ me ʋuʋu kple ɖeɖekpɔkpɔ
Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe alɔ mele kpuie akpa be mate ŋu aɖe ame,
alo eƒe to mexe be mate ŋu ase nu o;
ke boŋ miaƒe nu vɔ̃woe ma mi
kple miaƒe Mawu dome.
Miaƒe nu vɔ̃woe na wòɣla eƒe ŋkume
ɖe mi be maɖo to mi o,
elabena miaƒe asiwo ƒo ʋu,
eye vodada le asibidɛ ŋu na mi.
Miaƒe nuyiwo da alakpa,
eye miaƒe aɖewo gblɔ nya tovowo.
Ame aɖeke meli si gblɔna be
wometso afia dzɔdzɔe o.
Ame aɖeke meʋlia eɖokui ta to mɔ dzɔdzɔe dzi o,
ke boŋ woɖoa ŋu ɖe nyahehe dzodzrowo ŋu.
Wodaa alakpa.
Wofɔa fuɖename ƒe fu hedzia nu vɔ̃ɖi.
Woƒoa da ƒe aziwo, eye wolɔ̃a yiyiɖɔ.
Ame si ɖu woƒe aziwo la,
aku, eye ne ɖe gbã la,
ƒli ado tso eme.
Woƒe yiyiɖɔ menyo na avɔ o.
Womate ŋu atsyɔ nu si wowɔ la o.
Woƒe dɔwɔwɔwo nye dɔwɔwɔ vɔ̃ɖiwo,
eye nu baɖa wɔwɔ le woƒe asiwo me.
Woƒe afɔwo ƒua du gena ɖe nu vɔ̃ me,
eye woɖea abla le ʋu maɖifɔ kɔkɔ ɖi me.
Woƒe susuwo nye susu vɔ̃ɖiwo.
Gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ bɔ ɖe woƒe mɔwo dzi.
Womenya ŋutifafa ƒe mɔ o.
Nu dzɔdzɔe wɔwɔ mele woƒe mɔwo dzi o.
Wotrɔ woƒe mɔwo wozu mɔ gɔglɔ̃wo,
eye ame siwo azɔ wo dzi ayi la,
manya ŋutifafa o,
eya ta nuteƒewɔwɔ le adzɔge na mi,
eye dzɔdzɔenyenye metsɔ ɖe mia gbɔ o.
Miekpɔ mɔ na kekeli, ke viviti sɔŋ ƒo xlã mi.
Míekpɔ mɔ na xexea me ƒe kɔkɔ,
ke blukɔ me boŋ ko zɔm miele.
Miele asi tsam le gli ŋu abe ŋkugbagbãtɔwo ene,
eye miele mɔ dim kple asi abe
ame siwo mele nu kpɔm o la ene.
Miele nu klim le ŋdɔkutsu dzatsi abe zã me ene,
eye míele lãmesesẽtɔwo dome abe ame kukuwo ene.
Mi katã miele gbe tem abe sisiblisiwo ene,
eye miele xɔxlɔ̃m nublanuitɔe abe ahɔnɛwo ene.
Miele mɔ kpɔm na ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe,
gake miekpɔ ɖeke o.
Miele mɔ kpɔm na ɖeɖe,
gake metsɔ ɖe mia gbɔ o,
elabena míaƒe dzidadawo sɔ gbɔ le ŋkuwò me
eye míaƒe nu vɔ̃wo le mía nu tsom.
Míenya míaƒe dzidadawo,
eye míedze si miaƒe nu vɔ̃,
siwo nye aglãdzedze,
nugbeɖoɖo ɖe Yehowa ŋu,
megbetɔtrɔ̃ de míaƒe Mawu la, ameteteɖeto,
tsitretsitsi ɖe ame ŋu kple alakpanya
siwo míeɣla ɖe míaƒe dzi me la gbɔgblɔ.
Ale wonya ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ do ɖe megbe,
eye nu dzɔdzɔe wɔwɔ tsi tsitre ɖe adzɔge.
Nyateƒe le nu klim le kpɔdomewo,
eye nuteƒewɔwɔ mate ŋu age ɖe ame o.
Ale nyateƒe mele afi aɖeke woakpɔ o,
eye ame si gbe nu le nu vɔ̃ɖi gbɔ la zu nuhaha.
Yehowa ɖo ŋku anyi hekpɔ nu,
ke mekpɔ nu dzɔdzɔe wɔwɔ le afi aɖeke o,
eye medzɔ dzi nɛ o.
Yehowa kpɔ be ame aɖeke meli o.
Ewɔ moya nɛ be ame aɖeke meli si alé avu o,
ale wòtsɔ eya ŋutɔ ƒe alɔ xɔ na eɖokui,
eye eya ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye lée ɖe te.
Edo dzɔdzɔenyenye abe eƒe akɔtakpoxɔnu ene,
eye xɔxɔ ƒe gakuku le ta nɛ.
Etsɔ hlɔ̃biabia ƒe awuwo do,
eye wòtsɔ ŋuʋaʋã xatsa ɖe eɖokui ŋu
abe doɖedzi ene.
Axe fe na wo ɖe nu siwo wowɔ la nu.
Atsɔ dɔmedzoe axe fee na eƒe futɔwo,
eye wòatsɔ teƒeɖoɖo axe fee na eƒe ketɔwo.
Atsɔ nu si dze la axe fee na ƒukpowo.
Ɣetoɖoƒetɔwo avɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ,
eye ɣedzeƒetɔwo
ade bubu eƒe ŋutikɔkɔe ŋu,
elabena ele vava ge abe tsiɖɔɖɔ
si le sisim kple ŋusẽ,
eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ nyae
ɖe du nu la ene.
Yehowa be, “Ɖela ava Zion na Yakob ƒe
ame siwo trɔ tso woƒe nu vɔ̃wo me.”
Yehowa be, “Nye la, esiae nye nye nubabla kpli wo. Nye Gbɔgbɔ si le dziwò, nye nya siwo metsɔ de nuwò la madzo le nuwò alo le viwòwo ƒe nu alo le wò dzidzimeviwo ƒe nu tso azɔ dzi yi ɖe mavɔ me o,” Yehowae gblɔe.
Zion ƒe ŋutikɔkɔe
“Tso nàklẽ, elabena wò kekeli do,
eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dze ɖe dziwò,
elabena kpɔ ɖa, viviti ado ɖe anyigba katã dzi,
eye blukɔ tsiɖitsiɖi atsyɔ eƒe amewo dzi,
gake Yehowa adze ɖe dziwò,
eye eƒe ŋutikɔkɔe anɔ dzedzem le dziwò.
Dukɔwo ava wò kekeli la gbɔ,
eye fiawo ava wò agudzedze ƒe keklẽ la gbɔ.
“Fɔ mo dzi, eye nàkpɔ nu siwo ƒo xlã wò.
Wo katã woƒo ƒu heva gbɔwò,
viwò ŋutsuwo tso didiƒe ke va,
eye wolé viwò nyɔnuwo ɖe abɔdome vɛ.
Ekema àkpɔe, ahako alɔgbɔnu.
Wò dzi ati kpo, avu gblotoo kple dzidzɔkpɔkpɔ.
Woatsɔ nu xɔasi siwo le atsiaƒu dzi la vɛ na wò,
eye dukɔwo ƒe kesinɔnuwo ava gbɔwò.
Kposɔwo ƒe ha axɔ wò anyigba dzi
hekpe ɖe Midian kple Efa ƒe kposɔviwo ŋuti.
Nenema ke Sebatɔwo katã hã ava
ana sika kple dzudzɔʋeʋĩdonuwo,
eye woadzi ha akafu Yehowa.
Woakplɔ Kedar ƒe lãhawo aƒo ƒu vɛ na wò,
eye Nebayɔt ƒe agbowo asubɔ wò.
Woaxɔ wo abe vɔsa ene le nye vɔsamlekpui dzi,
eye maɖo atsyɔ̃ na nye gbedoxɔ kɔkɔe la.
“Ame kawoe nye ema le dzodzom
le yame abe lilikpowo ene,
alo abe ahɔnɛwo yina ɖe woƒe atɔwo me ene?
Vavãe ƒukpowo le mɔ kpɔm nam.
Tarsis ƒe meliwo le ŋgɔ na wo,
lɔ viwò ŋutsuwo tso didiƒewo gbɔnae
kple woƒe klosalo kple sika be
woatsɔ ade bubu Yehowa,
wò Mawu kple Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu,
elabena eyae ɖo atsyɔ̃ na wò.
“Amedzroviwo agbugbɔ wò gliwo aɖo,
eye woƒe fiawo asubɔ wò.
Togbɔ be meƒo mi le nye dziku me hã la,
le nye dɔmenyo me la, makpɔ nublanui na mi.
Wò agbowo anɔ ʋuʋu ɖi ɖaa.
Womatu wo akpɔ gbeɖe le ŋkeke me alo zã me o.
Ale be amewo nate ŋu atsɔ dukɔwo
ƒe kesinɔnuwo vɛ na mi.
Woƒe fiawo anɔ ŋgɔ le dziɖuɖu
ƒe asaɖabɔbɔ la me,
eya ta dukɔ alo fiaɖuƒe si agbe be yemasubɔ mi o la,
atsrɔ̃, eye woagbãe gudugudu.
“Lebanon ƒe ŋutikɔkɔe ava dziwò.
Woƒe sesewu, fɔfɔli kple papawu ava na wò
be woaɖo atsyɔ̃ na nye kɔkɔeƒe la,
eye matsɔ ŋutikɔkɔe ada ɖe nye afɔɖoƒe.
Ame siwo te wò ɖe to la,
ƒe ŋutsuviwo ado dɔgɔ̃e ava gbɔwò.
Ame siwo katã ɖe alɔme le ŋuwò la,
ade ta agu ɖe wò afɔ nu,
eye woayɔ wò be Yehowa ƒe Du,
Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe Zion.
“Togbɔ be wogble wò ɖi helé fu wò,
eye ame aɖeke meto mewò yi o hã la,
matsɔ wò awɔ atsyɔ̃ mavɔ
kple dzidzɔe na dzidzimewo katã.
Àno dukɔwo ƒe notsi, eye àno fiawo ƒe no,
ekema ànyae be, nye Yehowae nye wò Ɖela,
eye Yakob ƒe Ŋusẽtɔ lae nye wò xɔnametɔ.
Matsɔ sika ana wò ɖe akɔbli teƒe,
eye klosalo ɖe gayibɔ teƒe.
Le ati teƒe la, matsɔ akɔbli na wò,
eye mana gayibɔ wò ɖe kpe teƒe.
Mawɔ ŋutifafa wòanye tatɔ na wò,
eye dzɔdzɔenyenye nanye dziɖula na wò.
Womagase ŋutasesẽ ŋkɔ le wò anyigba dzi,
tsɔtsrɔ̃ loo alo gbegblẽ hã manɔ wò liƒowo dzi o.
Ke boŋ àyɔ wò gliwo be Ɖeɖekpɔkpɔ,
eye wò agbowo be Kafukafu.
Ɣe maganye wò akaɖi le ŋkeke me loo
alo ɣleti naklẽ ɖe dziwò o,
elabena Yehowa anye wò kekeli tegbee
ye wò Mawu anye wò ŋutikɔkɔe.
Wò ɣe magaɖo to azɔ o,
eye wò ɣleti hã magaɖo xɔ azɔ o.
Yehowa anye wò kekeli mavɔ,
eye wò konyifaŋkekewo nu ava ayi.
Ekema wò amewo katã anye dzɔdzɔetɔwo,
eye anyigba anye wo tɔ tegbee.
Wonye ati fɛ̃ si medo,
kple nye asinudɔwɔwɔwo be
woaɖe nye ŋutikɔkɔe afia.
Ame ʋɛ siwo le mia dome la azu akpe,
eye ame siwo mesɔ gbɔ o la
azu dukɔ gã dranyi aɖe.
Nyee nye Yehowa,
le ewɔɣi la, mawɔ esia wòatsɔ kaba.”
Yehowa ƒe dɔmenyo ƒe ƒe
Aƒetɔ Yehowa ƒe Gbɔgbɔ le dzinye,
elabena Yehowa si ami nam,
be magblɔ nyanyui la na ame dahewo.
Edɔm ɖa be mayɔ dɔ ame siwo ƒe dzi gbã.
Maɖe gbeƒã ablɔɖe na aboyomewo,
eye woaɖe ga gamenɔlawo tso viviti me;
ne maɖe gbeƒã.
Yehowa ƒe dɔmenyo ƒe ƒe la
kple míaƒe Mawu la ƒe hlɔ̃biaŋkeke,
eye mafa akɔ na konyifalawo.
Edɔm be mana nu Zion ƒe nuxalawo,
ne maɖɔ atsyɔ̃fiakuku na wo ɖe dzofi teƒe,
dzidzɔkpɔkpɔ ƒe ami ɖe nuxaxa teƒe,
kafukafu ƒe awu ɖe gbɔgbɔ
si bu mɔkpɔkpɔ teƒe.
Woayɔ wo be dzɔdzɔenyenye ƒe logotiwo,
ati siwo Yehowa ŋutɔ do,
be yeatsɔ aɖe yeƒe bubu afiae.
Woagbugbɔ blema ƒe aƒedowo atso,
eye teƒe siwo zu glikpowo
hena ɣeyiɣi didi aɖe la afɔ ɖe te.
Woagbugbɔ du gbagbã siwo zu gbegbe
hena dzidzime geɖewo la atso.
Amedzroviwo anye miaƒe agbleŋlɔlawo
kple waingble dzikpɔlawo.
Woayɔ mi be Yehowa ƒe nunɔlawo,
eye woatsɔ ŋkɔ na mi be,
miaƒe Mawu la ƒe hadɔwɔlawo.
Miaɖu dukɔwo ƒe kesinɔnuwo,
eye miaƒo adegbe le woƒe nunɔamesi
siwo zu mia tɔ la ta.
Le woƒe ŋukpe teƒe la, nye dukɔ la
axɔ gomekpɔkpɔ teƒe eve.
Le vlododo teƒe la,
woakpɔ dzidzɔ ɖe woƒe domenyinyi ŋuti;
ale woaxɔ domenyinyi ƒe teƒe eve
le woƒe anyigba dzi,
eye dzidzɔkpɔkpɔ mavɔ anye wo tɔ.
“Elabena nye Yehowa,
melɔ̃ nuteƒewɔwɔ.
Metsri adzodada kple nu vɔ̃.
Maɖo eteƒe na wo le nye nuteƒewɔwɔ me,
eye mabla nu mavɔ kpli wo.
Woadze si wo viwo le dukɔwo dome
kple woƒe dzidzimeviwo le xexemetɔwo dome.
Ame siwo akpɔ wo la ade dzesii be
woawoe nye ame siwo Yehowa yra.”
Yehowa ƒe nu nyoa ŋunye ŋutɔ,
eye nye luʋɔ le dzidzɔ kpɔm le nye Mawu me,
elabena etsɔ ɖeɖe ƒe avɔwo ta nam,
eye wòtsɔ dzɔdzɔenyenye ƒe awu ʋlaya do nam,
abe ale si ŋugbetɔsrɔ̃ ɖoa atsyɔ̃ na eƒe ta,
abe nunɔla ene kple abe ale si ŋugbetɔ ɖoa
atsyɔ̃e kple lekewɔnuwo ene.
Elabena abe ale si nuku mienae ene
kple agble si dzi woƒã nu ɖo
nana nuku la tsinae ene la,
nenemae Aƒetɔ Yehowa ana be dzɔdzɔenyenye
kple kafukafu namie le dukɔwo katã ŋkume.
Zion ƒe ŋkɔ yeye la
Le Zion ta la, nyemazi ɖoɖoe o,
le Yerusalem ta la, nyemazi kpi o,
va se ɖe esime eƒe dzɔdzɔenyenye
naklẽ abe kekeli ene, eye eƒe ɖeɖe
nabi abe akakati ene.
Dukɔwo akpɔ wò dzɔdzɔenyenye,
eye fiawo akpɔ wò ŋutikɔkɔe.
Woayɔ ŋkɔ yeye si Yehowa ƒe
nu atsɔ na wò la na wò.
Ànye atsyɔ̃kuku le Yehowa ƒe asi me
kple fiakuku le wò Mawu ƒe asi me.
Womagayɔ wò azɔ be
Wogbe nu le egbɔ,
alo ayɔ wò anyigba be Gbegbe o.
Ke boŋ woayɔ wò be,
Hefziba si gɔmee nye
Eƒe nu nyo ŋunye, eye woayɔ wò anyigba be Biula,
si gɔmee nye eɖe srɔ̃,
elabena wò nu anyo Yehowa ŋu,
eye wòaɖe wò anyigba abe srɔ̃ ene.
Abe ale si ɖekakpui ɖea ɖetugbii ene la,
nenema ke viwò ŋutsuwo aɖe wòe,
eye abe ale si ŋugbetɔsrɔ̃ kpɔa dzidzɔe ɖe
eƒe ŋugbetɔ ŋu ene la,
nenemae wò Mawu akpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwòe.
O! Yerusalem,
meɖo gbetakpɔlawo wò gliwo dzi.
Womazi ɖoɖoe le ŋkeke me alo zã me o.
Mi ame siwo yɔa Yehowa,
migagbɔ ɖe eme o,
eye migana gbɔdzɔe o,
va se ɖe esime wòaɖo Yerusalem te,
awɔe wòanye kafukafunu le anyigba dzi.
Yehowa ta eƒe ɖusibɔ kple eƒe alɔ sesẽ la be,
“Nyemagatsɔ wò bli ana wò futɔwo
wòanye nuɖuɖu na wo gbeɖe o,
eye wain yeye si ŋuti nèku kutri ɖo la,
nyemagana amedzrowo naxɔe ano o.
Ke ame siwo xa nukuawo la,
woaɖu wo, akafu Yehowa,
eye ame siwo gbe waintsetseawo la,
ano wo me ha le nye xɔxɔnu kɔkɔewo.”
Mito eme yi, mito agboawo me yi!
Midzra mɔ ɖo na dukɔ la.
Mido mɔ, mido mɔtatawo.
Miɖe kpewo ɖa le mɔa dzi.
Mikɔ aflaga dzi na dukɔwo.
Yehowa na woɖe gbeƒãe
le anyigba ƒe mlɔenuwo ke be,
“Migblɔ na Zion vinyɔnu la be,
‘Kpɔ ɖa, wò Ɖela gbɔna!
Kpɔ ɖa, eƒe fetu
kple eƒe teƒeɖoɖo kpe ɖe eŋuti.’ ”
Woayɔ wo be, “Ame kɔkɔewo.
Yehowa ƒe Ame siwo wòɖe.”
Ke wò la, woayɔ wò be,
“Ame si dim wole vevie,”
eye woayɔ wò be,
“Du si gbɔ womagagbe nu le o.”
Mawu ƒe hlɔ̃biabia kple ɖeɖe ƒe ŋkeke
Ame kae nye esi gbɔna tso Bozra le Edom,
eye aŋɔ dzĩ ƒo eƒe awuwo?
Ame kae nye esi ɖo atsyɔ̃,
eye wòle zɔzɔm le eƒe ŋusẽ triakɔ me?
“Nyee le nu ƒom le dzɔdzɔenyenye me.
Ŋusẽ le asinye be maɖe ame.”
Nu ka ta wò awuwo biã abe
ame si le wain fiam la tɔwo ene?
“Nye ɖekae fia wain le wainfiaƒe,
ame aɖeke metso dukɔwo
dome va kpe ɖe ŋunye o.
Mefanya wo le nye dziku me,
eye menya avuzi le wo dzi
le nye dɔmedzoe helĩhelĩ la me.
Woƒe ʋue hlẽ ɖe nye awuwo me,
eye woƒe ʋu ƒo nu siwo medo,
elabena hlɔ̃biaŋkeke le nye dzi me,
eye nye ɖeɖe ƒe ƒe la va ɖo.
Metsa ŋku, ke ame aɖeke meli
ana kpekpeɖeŋu o.
Nye mo wɔ yaa be ame aɖeke meva
na kpekpeɖeŋu o.
Tete nye ŋutɔ nye abɔ xɔ nam,
eye nye dɔmedzoe lém ɖe te.
Mefanya dukɔwo le nye dziku me.
Le nye dɔmedzoe helĩhelĩ la me, mena womu aha,
eye metrɔ woƒe ʋu kɔ ɖe anyigba.”
Kafukufu kple gbedodoɖa
Maɖe gbeƒã Yehowa ƒe dɔmenyo,
Yehowa ƒe nu siwo wòwɔ na mí,
esiwo ta wòle be woakafui ɖo.
Ɛ̃, kpe ɖe nu nyui siwo katã wòwɔ
na Israel ƒe aƒe la ŋu,
le eƒe nublanuikpɔkpɔ
kple dɔmenyo gbogboawo ta la,
egblɔ be, “Vavã nye amewoe wonye.
Viŋutsu siwo mada alakpa nam o”,
eya ta wòzu woƒe Ɖela.
Eya hã xaxa le woƒe xaxawo katã me,
eye mawudɔla si dzi wòwɔa dɔ tonae la ɖe wo.
Eɖe wo le eƒe lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ ta.
Efɔ wo ɖe dzi,
eye wòtsɔ wo le blemaŋkekeawo katã me,
gake wodze aglã hedo dziku na eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la,
eya ta wòtrɔ ɖe wo ŋu hezu futɔ na wo,
eye eya ŋutɔ wɔ aʋa kpli wo.
Tete eƒe dukɔ la ɖo ŋku blemaŋkekeawo dzi,
Mose kple eƒe amewo ƒe ŋkekewo hebia
be afi ka ame si nye eƒe alẽhawo ƒe kplɔla,
si kplɔ wo to atsiaƒu me la le?
Afi ka ame si dɔ
eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe wo dome,
ame si dɔ eƒe ŋutikɔkɔe ƒe alɔ ƒe ŋusẽ
be wòanɔ Mose ƒe nuɖusime la le?
Afi ka ame si ma tsiwo le wo ŋgɔ
be eƒe ŋkɔ nanyɔ tegbee,
eye wòkplɔ wo to gogloƒe la le?
Abe sɔ si le gbadzaƒe ene la, womekli nu o.
Abe nyi si wokplɔ yina ɖe gbeɖuƒe ene la,
Yehowa ƒe Gbɔgbɔ na wogbɔ ɖe eme.
Aleae nèkplɔ wò dukɔ lae
be nàde bubuŋkɔ ɖokuiwò ŋu.
Bi kɔ tso dziƒo, eye nàkpɔ nu tso wò
ŋutikɔkɔefiazikpui kɔkɔ la dzi.
Afi ka wò ŋuʋaʋã kple ŋusẽ la le?
Woɣla wò bɔbɔenyenye
kple wò dɔmetɔtrɔ ɖe mí,
gake wòe nye mia Fofo,
togbɔ be Abraham menya mí
alo Israel nayi si dze ge mi o hã la,
wò, o, Yehowae nye mia Fofo,
mía Ɖela tso gbe aɖe gbe kee nye wò ŋkɔ.
O! Yehowa, nu ka ta nèna míetra tso wò
mɔwo dzi hesẽ míaƒe dziwo me,
be míede bubu ŋu wò o?
Gatrɔ va le wò dɔla siwo nye to
siwo nye wò domenyinuwo la ta.
Ɣeyiɣi kpui aɖe koe wò teƒe,
kɔkɔe la nɔ wò amewo ƒe asi me.
Ke azɔ la, míaƒe futɔwo nya avuzi
le wò kɔkɔeƒe la dzi.
Tɔwòwoe míenye tso blema ke, gake woawo la,
mèɖu fia ɖe wo dzi kpɔ o,
eye womeyɔ wò ŋkɔ hã
ɖe wo ŋu kpɔ o.
Gbedodoɖa hena ɖeɖekpɔkpɔ dzi yiyi
O, esi nàhadze dziƒowo me aɖi ava anyi,
be towo nadzo kpekpekpe le ŋkuwò me!
Abe ale si nake léa dzoe,
eye wònaa tsi fiena wlɔwlɔwlɔ ene la,
nenema ke nàɖi va, ana wò ketɔwo nanya wò ŋkɔ,
eye dukɔwo nadzo nyanyanya le ŋkuwò me,
elabena esime nèwɔ nu dziŋɔ
siwo míekpɔ mɔ na o la,
èɖiɖi va anyi,
eye towo dzo kpekpekpe le ŋkuwò me.
Tso blema ke, ame aɖeke mesee o,
to aɖeke mesee o,
ŋku aɖeke mekpɔ Mawu bubu aɖeke kpe ɖe ŋuwò,
esi kpena ɖe ame siwo le mɔ kpɔm nɛ la ŋu o.
Èkpena ɖe ame siwo wɔa nu dzɔdzɔe dzidzɔtɔe,
eye wòɖoa ŋku wò mɔwo dzi la ŋuti,
ke esi míegale nu vɔ̃ wɔwɔ dzi ɖe ŋuwò la,
èkpɔ dziku, eya ta aleke míawɔ akpɔ ɖeɖe?
Mí katã míele abe ame makɔmakɔwo ene,
eye míaƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔwo katã
le abe ɖovu ƒoɖi ene.
Mí katã míeyrɔ abe aŋgba ene,
eye míaƒe nu vɔ̃wo lɔ mi ɖe nu hoo abe ya ene.
Ame aɖeke meyɔa wò ŋkɔ
alo dzea agbagba be wòaku ɖe ŋuwò o,
elabena èɣla wò mo ɖe mí, eye le míaƒe nu vɔ̃wo ta la,
èna míevɔ le eme keŋkeŋ,
gake hã la, o Yehowa,
wòe nye mía Fofo.
Míawo la, anyie mienye
eye wòe nye zemela.
Mí katã mienye wò asinudɔwɔwɔwo.
O! Yehowa, mègado dziku wòatso eme o.
Mègaɖo ŋku míaƒe nu vɔ̃wo dzi ɖaa o.
O, nye kɔ nàkpɔ mi ɖa, mieɖe kuku,
elabena mí katã míenye wò amewo.
Wò du kɔkɔewo zu gbegbe,
Zion gɔ̃ hã zu gbegbe, eye Yerusalem zu aƒedo.
Wotɔ dzo míaƒe gbedoxɔ kɔkɔe dzeani
si me mia fofowo kafu wò le,
eye nu siwo katã ŋuti
míede asixɔxɔe la gblẽ.
O, Yehowa, le nu siawo katã megbe la,
ɖe nàgade megbe tso mía ŋua?
Ɖe nàzi kpi ahe to na mí wu ale si hiã?
Ʋɔnudɔdrɔ̃ kple ɖeɖekpɔkpɔ
“Meɖe ɖokuinye fia ame siwo mebia tanye se o,
eye ame siwo medim o la ke ɖe ŋunye.
Dukɔ si meyɔ nye ŋkɔ o la, megblɔ nɛ be,
‘Nyee nye esi, nyee nye esi.’
Ŋkeke blibo la katã mekeke
nye abɔwo me na dukɔ sẽto,
ame siwo zɔna le mɔ manyomanyowo dzi
hedzea wo ŋutɔ ƒe susuwo yome la.
Ame siwo le dɔmedzoe dom nam
ɣe sia ɣi ɖekematsɔlemetɔe.
Wosa vɔ le abɔwo me, eye wodoa dzudzɔʋeʋĩwo
le anyikpe ƒe vɔsamlekpuiwo dzi,
ame siwo nɔa ameɖibɔwo me hedɔa ŋu
le teƒe ɣaɣlɛwo, eye woɖua halã,
woƒe detsizewo yɔna fũu
kple lã makɔmakɔ ƒe detsiwo.
Ame siwo gblɔna be,
‘Nɔ adzɔge, mègate ɖe ŋu nye o,
elabena mele kɔkɔe akpa na wò!’
Ame siawo tɔgbi la,
dzudzɔe wonye le nye ŋɔtime.
Dzo si le bibim ŋkeke
blibo la katãe wonye.
“Kpɔ ɖa, woŋlɔe ɖi ɖe nye ŋkume ɖaa.
Nyemazi ɖoɖoe o.
Maɖo eteƒe na wo, wòasu wo nyuie.
Maɖo eteƒe atsɔ axe fe na wo,
miaƒe nu vɔ̃wo kple mia fofowo tɔwo siaa,
elabena wosa vɔ le towo tame,
eye wodo tokum le togbɛwo dzi.
Madzidze woƒe tohehe wòayɔ banaa,
maɖo akɔ na wo ɖe woƒe tsã nu vɔ̃wo ta.”
Yehowae gblɔe.
Ale Yehowa gblɔe nye esi,
“Abe ale si wofiaa wain le wain tsetsewo me vɔ,
eye amewo gblɔna be,
‘Migatsɔe ƒu gbe o, elabena ɖe gale eme’ ene la,
nenemae mawɔ ɖe nye dɔlawo ŋu,
nyematsrɔ̃ wo katã o.
Mana dzidzimewo nado tso Yakob me,
eye ame siwo axɔ nye towo woanye
woƒe domenyinu la ado tso Yuda me.
Nye ame tiatiawo anyi nu siawo ƒe dome,
eye afi mae nye dɔlawo anɔ.
Saron azu lãnyiƒe na alẽhawo,
eye Akor ƒe balime azu nyiwo ƒe gbɔɖemeƒe
na nye ame siwo dia nye mɔ.
“Ke mi ame siwo gblẽ Yehowa ɖi,
eye mieŋlɔ nye to kɔkɔe la be,
mi ame siwo ɖo kplɔ̃ na Aklama,
eye mieku wain si wotɔtɔ la,
kplu banaa na Dzɔgbese la,
maɖo mi ɖi na yi, eye mi katã
miado dɔgɔ̃e hena wuwu,
elabena meyɔ mi gake mietɔ o.
Meƒo nu gake mieɖo to o.
Miewɔ nu tovo le nye ŋkume,
eye mietia nu si metsri.”
Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi:
“Nye dɔlawo aɖu nu,
ke miawo la dɔ awu mi.
Nye dɔlawo ano nu;
miawo la, tsikɔ awu mi.
Nye dɔlawo akpɔ dzidzɔ,
ke miawo la woado ŋukpe mi.
Nye dɔlawo adzi ha le woƒe dziwo
ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ta, ke miawo la,
miafa avi le dzi ƒe vevesese ta,
eye miado ɣli le gbɔgbɔ ƒe teteɖeanyi ta.
Miagblẽ miaƒe ŋkɔwo ɖi na nye ame tiatiawo
woawɔ wo ŋu dɔ abe fiƒodenuwo ene.
Aƒetɔ Yehowa awu mi,
ke eƒe dɔlawo ya la, atsɔ ŋkɔ bubu na wo.
Ame si ayra eɖokui le anyigba dzi la awɔe
le nyateƒe ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me,
eye ame si aka atam le anyigba dzi la,
akae le nyateƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me,
elabena woaŋlɔ fuɖename tsãtɔwo be,
eye woaɣla ɖe nye ŋkuwo.
Dziƒo yeye kple anyigba yeye
“Kpɔ ɖa, mawɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye.
Womagaɖo ŋku tsãnuwo dzi
alo woava ame ƒe susu me o,
gake mikpɔ dzidzɔ,
eye mitso aseye tegbee ɖe nu si mawɔ la ŋu,
elabena mawɔ Yerusalem be wòanye dzudzɔdonu,
eye eƒe amewo anye dzidzɔkpɔlawo.
Matso aseye ɖe Yerusalem ŋu,
eye nye amewo ƒe nu ado dzidzɔ nam.
Womagase avifafa
kple konyifaɣli le eme azɔ o.
“Ɖevi si xɔ ŋkeke ʋɛ aɖewo ko,
alo amegãɖeɖi si ƒe ƒewo mede o la
maganɔ afi ma o.
Woabu ame si xɔ ƒe alafa ɖeka
hafi ku la abe ɖekakpui ene,
eye nu vɔ̃ wɔla si mexɔ ƒe alafa ɖeka hafi ku o
la, woabui nɛ abe fiƒode ene.
Woatu xɔwo anɔ wo me.
Woade waingble, eye woaɖu eme kutsetse.
Womagatu xɔ, eye ame bubuwo nanɔ wo me,
alo woade agble ame bubu naɖu o,
elabena abe ale si ati tsinae ene la,
nenema nye amewo ƒe agbemeŋkekewo hã anɔ.
Nye ame tiatiawo aɖu woawo ŋutɔ
ƒe asinudɔwɔwɔwo hena ɣeyiɣi didi aɖe.
Womadze agbagba dzodzro,
alo adzi vi siwo woɖo dzɔgbevɔ̃e ɖi na la o,
elabena woanye ame siwo Yehowa yra,
woawo ŋutɔ kple woƒe dzidzimeviwo siaa.
Matɔ hafi woayɔm.
Ne wogale nuƒoƒo dzi la, masee.
Amegaxi kple alẽvi aɖu gbe le teƒe ɖeka.
Dzata aɖu gbe abe nyi ene,
ke ʋuʋudedi anye da ya ƒe nuɖuɖu.
Womawɔ nu vevi ame alo agblẽ nu
le nye to kɔkɔewo katã dzi o.”
Yehowae gblɔe.
Ʋɔnudɔdrɔ̃ kple mɔkpɔkpɔ
Ale Yehowa gblɔe nye esi,
“Dziƒoe nye nye fiazikpui,
eye anyigbae nye nye afɔɖodzinu.
Afi ka xɔ si miatu nam la le?
Afi ka nye gbɔɖemeƒe anɔ.
Menye nye asie wɔ esiawo katã,
eye wova dzɔ oa?”
Yehowae gblɔe.
“Esiae nye ame si mebuna;
ame si bɔbɔ eɖokui,
da ahe le gbɔgbɔ me,
eye ne ese nye nya la,
wòdzona nyanyanya.
Ke ame si tsɔ nyitsu sa vɔe la,
sɔ kple ame si wu ame,
eye ame si tsɔ alẽvi sa vɔe la,
sɔ kple ame si ŋe kɔ na avu.
Ame si sa nuɖuvɔ la,
sɔ kple ame si tsɔ ha ƒe ʋu sa vɔe,
eye ame si do ŋkuɖodzi ƒe dzudzɔ ʋeʋĩ la,
sɔ kple ame si subɔ legba.
Wotia woawo ŋutɔ ƒe mɔwo,
eye woƒe luʋɔ dzɔa dzi
le woƒe ŋunyɔnuawo ŋu,
eya ta nye hã masẽ ŋuta le wo ŋu,
eye mana nu si le ŋɔ dzim na wo la nava wo dzi,
elabena esi meyɔ wo la,
ame aɖeke metɔ o, eye esi meƒo nu la,
ame aɖeke meɖo to o.
Wowɔ nu vɔ̃ɖi le nye ŋkume,
eye wotia nu si medoa dzidzɔ nam o.”
Mi ame siwo vɔ̃a Yehowa ƒe nya la,
mise Yehowa ƒe nya.
“Mia nɔviŋutsu siwo lé fu mi,
eye woɖe mi ɖe aga le nye ŋkɔ ta la, gblɔ be,
‘Wonetsɔ ŋutikɔkɔe na Yehowa
be miakpɔ miaƒe dzidzɔ’,
gake ŋukpe alé wo.
Se hoowɔwɔ ma si tso dua me
kple ɣli si le ɖiɖim tso gbedoxɔ me la ɖa.
Gbeɖiɖi la nye Yehowa ƒe gbe.
Ele fetu si dze na eƒe futɔwo la xem na wo.
“Edzi vi hafi lé ku.
Edzi ŋutsuvi hafi fu ɖui.
Ame kae se esia tɔgbi kpɔ?
Ame kae kpɔ esiawo kpɔ?
Ɖe woate ŋu adzi dukɔ aɖe le ŋkeke ɖeka me,
alo woadzi anyigba aɖe zi ɖeka kpoyia?
Ke Zion ya léa ku hedzia
viawo zi ɖeka kpoyi.
Ɖe mana be vidziɣi naɖo, gake magbe vixexea?” Yehowae gblɔe.
“Ɖe nye ame si ɖe mɔ be woadzi vi la, natu vidzidɔa?”
Wò Mawu lae gblɔe.
“Mitso aseye ɖe Yerusalem ŋu,
eye mikpɔ dzidzɔ kplii,
mi ame siwo katã lɔ̃e.
Mitso dzidzɔ ƒe aseye kplii,
mi ame siwo katã fa konyi ɖe eta,
elabena miano eƒe akɔfafa ƒe no, eye miaɖi kɔ.
Mianoe fũu, eye ale si notsi la le dodom bababa la,
ana miaƒe dziwo nadze eme.”
Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi,
“Matsɔ ŋutifafa nɛ wòasi abe tɔsisi ene,
eye dukɔwo ƒe kesinɔnuwo ava nɛ
abe tɔʋu si ɖɔ gbã go la ene.
Àno eƒe no, akɔ wò ɖe eƒe abɔwo me,
eye àfe le eƒe atata.
Abe ale si vi dada faa akɔe na via ene la,
nenema mafa akɔ na mi,
eye woafa akɔ na mi le Yerusalem ta.”
Ne miekpɔ esia la, miaƒe dziwo akpɔ dzidzɔ,
eye miatsi abe gbe ene.
Woaɖe Yehowa ƒe asi ɖe go afia eƒe dɔlawo.
Ke woaɖe eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la, afia eƒe futɔwo.
Kpɔ ɖa, Yehowa gbɔna kple dzo bibi,
eye eƒe tasiaɖamwo le abe ahomya ene.
Aɖe eƒe dziku ɖe go le dɔmedzoe helĩhelĩ me,
eye wòaɖe eƒe mokaname afia le dzo ƒe aɖewo me,
elabena Yehowa atsɔ dzo
kple eƒe yi ahe ʋɔnudɔdrɔ̃ ava amewo katã dzi.
Ame geɖewoe nye ame siwo Yehowa awu.
Yehowa be, “Ame siwo wɔ wo ɖokuiwo kɔkɔe hekɔ wo ɖokuiwo ŋu nyuie be woayi ɖe abɔwo me, eye wokplɔ ame si le titina na halã, alegeli kple ŋunyɔnu bubuwo ɖulawo ɖo la, wo katã woatsrɔ̃ ɖekae.
“Ke nye la, le woƒe nuwɔnawo kple tameɖoɖo ta la, esusɔ vie mava ƒo dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo katã nu ƒu be woakpɔ nye ŋutikɔkɔe.
“Maɖo dzesi anyi ɖe wo dome, eye maɖo ame siwo tsi agbe la ƒe ɖewo ɖe dukɔwo dome, ɖe Tarsis, Libia kple Lidiatɔwo dome, ame siwo xɔ ŋkɔ le aŋutrɔdada me. Maɖo ɖewo ɖe Tubal, Griknyigba dzi kple didiƒeƒukpowo dzi, afi si womese nye gãnyenye alo kpɔ nye ŋutikɔkɔe le kpɔ o. Woaɖe gbeƒã nye ŋutikɔkɔe le dukɔwo dome. Woakplɔ nɔviwò ŋutsuwo katã ɖe asi vɛ, woanɔ sɔwo dzi, woanɔ tasiaɖamwo me, woanɔ kekewo, tedzisɔwo kple kposɔwo dzi, tso dukɔwo katã dome ava nye to kɔkɔe, Yerusalem dzi abe vɔsa ene na Yehowa. Woatsɔ wo vɛ abe ale si Israelviwo tsɔa nuɖuvɔsa vaa Yehowa ƒe gbedoxɔ me ɖe agba gbadzɛwo me ene, eye matia wo dometɔ aɖewo be woanye nunɔlawo kple Leviviwo.” Yehowae gblɔe.
Yehowa be, “Abe ale si dziƒo kple anyigba yeye siwo mewɔ la anɔ anyi tegbee le nye ŋkume ene la, nenema ke wò ŋkɔ kple wò dzidzimeviwo anɔ anyi tegbee. Tso Dzinu Yeye yi Dzinu Yeye, tso Dzudzɔgbe ɖeka yi Dzudzɔgbe bubu, amegbetɔwo katã ava ade ta agu ɖe nye ŋkume. Woado go aɖakpɔ ame siwo dze aglã ɖe ŋunye la ƒe kukuawo, elabena woƒe nyewo maku o, woƒe dzowo matsi o, eye woanye ŋunyɔ na amegbetɔƒomea katã.”