- Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020 Hosea Hosea ƒe agbalẽ Hosea Hos Hosea ƒe agbalẽ Esiawoe nye gbedeasi siwo va na Hosea, Beeri ƒe vi la le Yuda fia ene siawo ŋɔli: Uzia, Yotam, Ahaz kple Hezekia. Le ɣeyiɣi sia me ke Yoas ƒe vi Yeroboam nye fia le Israel. Hosea srɔ̃ kple viawo Gbedeasi gbãtɔe nye esi: Yehowa gblɔ na Hosea be, “Yi nàɖe ɖetugbi aɖe si nye gbolo, ale be vi siwo wòadzi na wò la, woanye ahasiviwo. Esia aɖe alakpanu siwo wɔm nye dukɔ la le ɖe ŋutinye la afia, wowɔ ahasi to mawu bubuwo subɔsubɔ me, eye wotrɔ le Yehowa yome.” Ale Hosea yi ɖaɖe Gomer, Dioblaim ƒe vinyɔnu, eye wòdzi ŋutsuvi nɛ. Eye Yehowa gblɔ na Hosea be, “Tsɔ ŋkɔ nɛ be Yezreel, elabena madidi o la, mahe to na Yehu ƒe aƒe la le ʋu si wokɔ ɖe anyi le Yezreel ta, eye matsi Israel ƒe fiaɖuƒe la nu. Gbe ma gbe la, magbã Israel ƒe ŋusẽ le Yezreel ƒe balime.” Sẽe kple sẽe la, Gomer gafɔ fu, eye wòdzi nyɔnuvi. Yehowa gblɔ na Hosea be, “Tsɔ ŋkɔ nɛ be Loruhama, si gɔmee nye, ‘Nyemagakpɔ nublanui nɛ o,’ elabena nyemagakpɔ nublanui na Israel, atsɔ vɔ̃ akee o, gake makpɔ nublanui na Yuda. Nye ŋutɔ mawɔ aʋa kple woƒe futɔwo, aɖe wo le woƒe asi me, gake menye to dati, yi, aʋawɔnuwo, sɔ kple sɔdolawo dzi o, ke boŋ to Yehowa, woƒe Mawu la dzi.” Esi Gomer tso no na Loruhama vɔ la, egafɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi. Yehowa gblɔ na Hosea be, “Tsɔ ŋkɔ nɛ be Loami, si gɔmee nye, ‘Menye tɔnyee o,’ elabena Israel menye tɔnye o, eye nye hã nyemenye eƒe Mawu o. “Ɣeyiɣi li gbɔna esi Israel akpɔ dzidzedze, azu dukɔ gã aɖe; le ɣe ma ɣi me la, ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo o, elabena woasɔ gbɔ abe ƒutake ene! Ale be, le esi megblɔ na wo be, ‘Mienye nye dukɔ o’ teƒe la, magblɔ na wo be, ‘Mienye vinyewo, Mawu Gbagbe la ƒe viwo.’ Ekema Yudatɔwo kple Israelviwo awɔ ɖeka, eye woaɖo fia ɖeka; wo katã woatrɔ tso aboyome ɖekae, eye Yezreel ƒe ŋkeke la anye ŋkeke gã aɖe ŋutɔ.” “Trɔ ŋkɔ na nɔviwò ŋutsua be Ami, si gɔmee nye ‘Azɔ ènye tɔnye,’ eye nàyɔ nɔviwò nyɔnu la be Ruhama si gɔmee nye ‘Nublanuikpɔkpɔ.’ Mawu he to na Israel, eye wòtsɔ eƒe nu vɔ̃ kee “Mika mo na mia dada, elabena etrɔ zu ŋutsu bubu srɔ̃, eye nyemeganye srɔ̃a o. Mika mo nɛ be wòadzudzɔ ahasiwɔwɔ, eye megatsɔ eɖokui na ŋutsu bubuwo azɔ o. Ne egbe gale edzi la, maɖe avɔ le eŋuti wòanɔ amama abe gbe si gbe wodzii ene, eye mana wòasɔ kple gbegbe, anɔ abe kuɖiɖinyigba ene, eye mana tsikɔ nawui wòaku. Nyemakpɔ nublanui na viawo o, elabena wonye ahasiviwo. Wo dada wɔ ahasi kple ŋutsu bubuwo, eye wodzi wo ɖe ŋukpe me hegblɔ be, ‘Mati ŋutsu bubuwo yome aku ɖe wo ŋuti, be woana nuɖuɖu, tsi, avɔ, ami kple aham.’ Ke nye la, matɔ kpɔ aƒo xlãe kple ŋutiwo; maxe mɔ nɛ, ale be magakpɔ mɔ o, eye ne eti eƒe lɔlɔ̃tɔwo yome la matu wo o. Adi wo kple ŋkubiã gake makpɔ wo o. Ekema agblɔ na eɖokui be, ‘Anyo ne metrɔ yi ɖe srɔ̃nye gbɔ, elabena esi menɔ egbɔ la, nuwo dze edzi nam wu fifia.’ Menyae be nyee naa bli, aha yeye, ami, sika kple klosalo si wòtsɔ le eƒe mawu, Baal subɔmii la ye o. “Ke azɔ la, maxɔ wain kple bli siwo menanɛ la le esi, eye maxɔ avɔ siwo katã metso nɛ be wòata la le esi. Azɔ maɖe amamae le dutoƒo be eƒe lɔlɔ̃tɔwo nakpɔ, eye ame aɖeke mate ŋu axɔe le asinye o. Matɔ te eƒe azãɖuɖuwo katã; eƒe ƒe sia ƒe ƒe ŋkekenyuiwo, dzinu yeyewo, Dzudzɔgbewo kple azãɖugbewo katã. Magblẽ eƒe waingblewo kple gbotiwo, agble siwo wògblɔ be yeƒe lɔlɔ̃tɔwoe na ye. Mana agblewo nato gbe azu ave, eye gbemelãwo ava ɖu kutsetseawo katã. Mahe to nɛ ɖe ɣeyiɣi siwo wòdo dzudzɔ ʋeʋĩ na Baalwo, eƒe legba Baal, eye wòde eƒe togɛ kple kɔsɔkɔsɔwo, hedze eƒe lɔlɔ̃tɔwo yome, hegblẽm ɖi. Yehowae gblɔe. “Eya ta mable enu akplɔe ayi ɖe gbedzi, afi ma maƒo nu nɛ kple lɔlɔ̃gbe bɔkɔɔ le. Afi ma magbugbɔ eƒe waingble la nɛ, eye matrɔ eƒe Nuxaxa ƒe Balime la wòazu Mɔkpɔkpɔ ƒe Agbo. Adzi ha kple dzidzɔ abe ale si wònɔ nɛ le eƒe ɖetugbime esi wòdo go tso Egipte ene.” Yehowa be, “Gbe ma gbe la ayɔm be, ‘Srɔ̃nye,’ ke menye ‘Nye Aƒetɔ’ o. Maɖe Baalwo ƒe ŋkɔwo ɖa le ŋuwò, eye màgaƒo ŋkɔ ɖo na wo azɔ o. Le ɣe ma ɣi me la, mabla nu le wò kple lã wɔadãwo, xeviwo, kple lã siwo tana la dome, maŋe dati kple yi, maɖe aʋawɔwɔ ɖa le anyigba dzi, eye ame sia ame anɔ anyi le ŋutifafa me. Mabla wò ɖe ɖokuinye ŋu tegbee; matsɔ dzɔdzɔenyenye, nuteƒewɔwɔ, lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ abla wò ɖe ɖokuinye ŋu. Mabla wò le anukwareɖiɖi me ɖe ɖokuinye ŋu, eye àva nya Yehowa wu tsã.” Yehowa be: “Le ŋkeke ma dzi la, maɖo to dziƒowo ƒe gbe, dziƒowo hã aɖo to anyigba ƒe gbe, anyigba hã aɖo to bli, aha yeye kple ami, eye woawo hã woaɖo to Yezreel ƒe gbe. Maɖo nye dukɔ Israel te na ɖokuinye le anyigba dzi, eye maɖe nye lɔlɔ̃ afia ame si meyɔ be ‘Menye nye lɔlɔ̃tɔe o.’ Magblɔ na ame siwo woyɔna be, ‘Mienye nye dukɔ o’ la be ‘Mienye nye dukɔ’; eye woawo hã agblɔ be, ‘Wòe nye mía Mawu.’ ” Hosea dzra eya kple srɔ̃a dome ɖo Yehowa gblɔ nam be, “Yi nàkplɔ srɔ̃wò agbɔe, eye nàlɔ̃e, togbɔ be ame bubu le elɔ̃m, eye wòwɔ ahasi hã, elabena Yehowa galɔ̃ Israel kokoko, togbɔ be edzo yi ɖe mawu bubuwo gbɔ, eye wòlɔ̃ waintsetsebolo hã.” Ale megbugbɔ ƒlee tso eƒe kluvinyenye me kple klosalo wuiatɔ̃ kple lu agba alafa ɖeka blaatɔ̃. Megblɔ nɛ be, “Ele be nànɔ gbɔnye ŋkeke geɖe; mègado go kple ŋutsu bubuwo alo awɔ gbolo o, ekema manye tɔwò ɖaa.” Le ɣeyiɣi didi siwo gbɔna me la, fia alo amegã manɔ Israel si o, vɔsasa, legba, kɔmewu alo aklamakpakpɛ ŋutɔ gɔ̃ hã manɔ wo si o! Emegbe la, woatrɔ adi Yehowa, woƒe Mawu la, eye woayi woƒe Fia gbɔ. Woatsɔ dzodzo nyanyanya ava Yehowa kple eƒe dɔmenyonyo gbɔ le ŋkeke mamlɛawo me. Wotsɔ nya ɖe Israel ŋu O Israelviwo, mise Yehowa ƒe nyawo. Yehowa saba mi, eye nya siwo wòtsɔ ɖe mia ŋuti la woe nye esiawo: Nuteƒewɔwɔ, lɔlɔ̃ kple sidzedze Mawu megale anyigba blibo la dzi o. Mietaa nu, hedaa alakpa, wua ame, fia fi, eye miewɔa ahasi kpena ɖe eŋu. Ʋunyaʋunya kple amewuwu bɔ ɖe afi sia afi. Esiawo tae miaƒe anyigba megale nuku wɔm o ɖo, anyigba la dzi yɔ fũu kple nuxaxa, nu gbagbe ɖe sia ɖe le dɔ lém, eye ɖewo le kukum; lãwo, dziƒoxeviwo kple tɔmelãwo gɔ̃ hã le tsɔtsrɔ̃m. “Ame aɖeke megatsɔ nya ɖe nɔvia ŋu alo aka mo nɛ o, elabena wò dukɔ la le abe ame siwo le dzre wɔm kple nunɔlawo ene. Eya ta mi kple míaƒe nyagblɔɖilawo miakli nu adze anyi le ŋdɔkutsu kple zã siaa, eye matsrɔ̃ mia dada Israel akpe ɖe mia ŋu. Le simadzemadze ta nye amewo le tsɔtsrɔ̃m, esi mi, nunɔlawo, miedo vlo sidzedze ta la, nye hã megbe be miaganye nye nunɔlawo o, eye esi mieŋlɔ miaƒe Mawu ƒe sewo be ta la, nye hã maŋlɔ mia viwo be. Zi ale si nunɔlawo le agbɔ sɔm ɖe edzi la, zi nenema kee wole nu vɔ̃ wɔm ɖe ŋutinye, eya ta matrɔ woƒe ŋutikɔkɔe wòazu ŋukpe na wo. Nunɔlawo hã kpɔa dzidzɔ le ameawo ƒe nu vɔ̃ ŋu, eye woɖunɛ abe nuɖuɖu ene, eya ta ale wòle: Nunɔlawo kple ameawo katã sɔ, elabena nunɔlaawo vɔ̃ɖi, eye ameawo hã vɔ̃ɖi. Esia ta, mahe to na nunɔlaawo kple ameawo siaa le woƒe nu vɔ̃ɖiwo ta. “Woaɖu nu, ke womaɖi ƒo o. Woawɔ gbolo, gake womadzi ɖe edzi o, elabena wogbe nu le Yehowa gbɔ, eye wotsɔ wo ɖokuiwo na gbolowɔwɔ, wain, kple aha yeye, eye nu siawo na nye dukɔ zu bometsilawo. Elabena wole gbe biam ati si nye nu dzodzro la be negblɔ nu si yewoawɔ la na yewo. Atizɔtie wodana ɖi be negblɔ nyateƒe la na yewo. Ale voduwo yometiti vivivo wɔ wo movitɔwoe, elabena wowɔ ahasi, gbe nu le woƒe Mawu gbɔ hedze mawu bubuwo yome. Wosaa vɔ le towo tame, eye wodoa dzudzɔ le togbɛwo dzi, le ati gãwo ƒe vɔvɔli fafɛ te. Afi siae viwò nyɔnuwo wɔa gbolo le, eye wò toyɔvi nyɔnuwo wɔa ahasi le. “Nu ka ta nyemahe to na wo ne wole ahasi wɔm o? Elabena ŋutsuwo ŋutɔ hã dɔna kple gbolowo, eye wosaa vɔ kple gbolowo. Ale ame siwo nye bometsilawo la atsrɔ̃. “Togbɔ be Israel le gbolo wɔm hã la, esia wɔwɔ nete ɖa xaa tso Yuda gbɔ. “Mègayi Gilgal o, eye mègayi Bet Aven o. Mègaka atam agblɔ be, ‘Meta Yehowa ƒe agbe’ o. Mèganɔ abe Israel ene o, wole abe nyitsu dzeaglã ene ɖe Yehowa ŋu, ɖe Yehowa ate ŋu akplɔ wo yi gbe damawo dzi abe alẽvi enea? Mègate ɖe Efraim ŋu kura o, elabena edo ka kple legbawo. Ne Israel ŋutsuwo no aha tsu vɔ la, ekema woyia gbolowo gbɔ. Woƒe kplɔlawo lɔ̃a ŋukpenanuwo wɔwɔ, eya ta ya sesẽ aɖe ava ƒo wo adzoe, eye woƒe vɔsawo ahe ŋukpe vɛ na wo. Wobu fɔ Israel “Miɖo to nya sia, O, mi nunɔlawo kple Israel ƒe aƒe, miƒu to anyi; O, mi fia ƒometɔwo katã, miɖo to, mebe mi katã miatsrɔ̃! Elabena mieble nye dukɔ la le Mizpa, mienye ɖɔ woɖo ɖe Tabɔr to dzi kple ʋe goglo si woɖe ɖe Sitin, gake migaŋlɔ be, be maɖo eteƒe na ame sia ame ɖe nu si wòwɔ la ta o. Menya Efraim nyuie, eye Israel hã meɣla ɖem o. O Efraim, ètrɔ zu gbolo, eye Israel gblẽ kɔ ɖo na eɖokui. “Miaƒe nuwɔwɔwo mate ŋu ana miatrɔ ava miaƒe Mawu la gbɔ o, elabena gbolowɔwɔ ƒe gbɔgbɔ le miaƒe dzi me ke, eye le esia ta miate ŋu anya Yehowa o. Israel ƒe aglãdzedze ɖi ɖase tso eŋuti le nye ʋɔnu. Efraim kple Yuda woadze anyi le woƒe nu vɔ̃ ta. Mlɔeba la, woava do kple woƒe alẽwo kple nyiwo be woasa vɔ na Yehowa, gake womakpɔe o, elabena eɖe eɖokui ɖa tso wo gbɔ. Wometo nyateƒe na Yehowa o, elabena wodzi ahasiviwo. Azɔ dzinu yeye ƒe ŋkekenyui aɖu wo kple woƒe nunɔamesiwo. “Miku lãdzo le Gibea, eye miaku kpẽ le Rama. Mido aʋaɣli sesĩe le Bet Aven. O Benyamin, kpɔ megbewò ɖa! Woagbã Efraim gudugudu ne ʋɔnudrɔ̃gbe la ɖo. Le Israel ƒe toawo dome la, nu siwo mena wo nya la ava eme godoo. Yuda ƒe amegãwo le abe ame siwo ŋea liƒo ɖe eme la ene, eya ta matrɔ nye dɔmedzoe akɔ ɖe wo dzi bɔbɔbɔ abe tɔɖɔɖɔ ene, eye woaŋe Efraim, agbãe gudugudu, elabena eɖoe kplikpaa be yeadze legbawo yome. Maɖu Efraim, agblẽ edome abe ale si gbagbladza ɖua avɔe ene, eye magblẽ Yuda dome abe ale si ŋɔ ɖua aŋgba ene. “Esi Efraim kpɔ eƒe dɔléle, eye Yuda hã kpɔ eƒe abiwo ta la, Efraim trɔ ɖe Asiria ŋu, eye wòdɔ ame ɖo ɖe fiagã la gbɔ, gake mate ŋu ada gbe le mia ŋu, ana miaƒe abiwo naku o. Manye dzata ɖe Efraim ŋu, eye manye dzatavi ɖe Israel ƒe aƒe la ŋu. Nye, ɛ̃, nye ŋutɔ mavuvu wo ʋayaʋaya adzo; malé wo adzoe, eye ame aɖeke maxɔ wo le asinye o. Magblẽ wo ɖe aboyo me, atrɔ yi aƒe va se ɖe esime wolɔ̃ be yewodze agɔ, atrɔ ɖe ŋutinye, aɖe kuku nam, elabena ne fukpekpe dze wo dzi la, woadi nye mɔ.” Israel gbe dzimetɔtrɔ “Miva, mina míatrɔ ayi Yehowa gbɔ, elabena eyae vuvu mí, eya koe ate ŋu ayɔ dɔ mi. Eyae de abi mía ŋuti, eye eyae abla abi la na mí. Le ŋkeke eve megbe la, agbɔ agbe mí, le ŋkeke etɔ̃a gbe la, aɖo mí te, eye míanɔ agbe le eŋkume! Mina míatrɔ ɖe Yehowa ŋu. Mina míadze agbagba be míanyae, eye abe ale si ɣedzedze kple kelemetsi medana le edzi o ene la, nenema ke kakaɖedzi li be magbe tɔtɔ na mí o.” “O, Efraim, nu ka mawɔ na wò, O, Yuda, nu ka mawɔ kpli wò? Medɔ nye nyagblɔɖilawo ɖa, wolã mi kakɛkakɛe, eye metsɔ nye numenyawo wu mii; nye ʋɔnudɔdrɔ̃ ake dzo ɖe mia dzi abe dzikedzo ene, elabena nublanuikpɔkpɔ dim mele, menye vɔsa o, eye sidzedze Mawu dim mele wu numevɔsawo, gake abe Adam ene la, mietu nye nubabla la, eye miewɔ nuteƒe o. Gilead nye nu tovo wɔlawo ƒe du, eye ʋu si woƒe afɔwo ƒo la ɖe ɖe woƒe ablɔwo dzi. Dua me nɔlawo katã nye adzoblasuwo sɔŋ, eye wode xa ɖi na ame siwo woɖo be yewoafi. Nunɔlawo ƒe hawo hã de xa ɖe Sekem mɔ dzi le amewo wum, eye wole nu vɔ̃ ƒomevi ɖe sia ɖe wɔm. Nyateƒe, mekpɔ nu dziŋɔwo le Israel. Efraim wɔ ahasi to mawu bubuwo yometiti me, eye Israel ya bliba ɖe ŋunyɔnu me. “O, Yuda, woɖo nuŋeɣi ɖi na wò hã. “Ne megaɖo nye dukɔ ƒe nunyonamewo te, Ne medi be mada gbe le Israel ŋu la, ekema Efraim ƒe nu vɔ̃wo dzea go, eye wokloa nu le Samaria ƒe nu vɔ̃wo dzi, elabena woblea ame, gbãa ʋɔ, fia fi, eye wodaa adzo le mɔtata dzi. Dua me tɔwo hã mede dzesii be nye ŋku le woƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ dzi o. Woƒe nu vɔ̃ ɖe to ɖe wo godoo va kpe, eya ta mele wo katã kpɔm. “Wotsɔa woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ doa nukokoe na fia la, eye dumegãwo kpɔa dzidzɔ koa nu le woƒe alakpadadawo ta. Wo katã wonye ahasitɔwo sɔŋ. Abe ale si abolomela doa kpodzo wòbinae va se ɖe esime eƒe abolomɔ la ho hafi wòlɔnɛ ene la, nenema ke ame siawo ƒe dzi nɔa bibim ɖe ahasiwɔwɔ ŋu. Le miaƒe fia ƒe ŋkekenyui dzi la, dumegãwo noa wain muna hebɔa ha kple fewuɖulawo. Woƒe dziwo bina abe kpodzo ene, eye woyia egbɔ le ayedzedze me. Woƒe didiwo ɖea fu na wo le zã blibo la me eye le ŋdi la, wonɔna abe dzo ƒe aɖewo ene. Wo katã woxɔ dzo abe kpodzo ene, eye wofiaa woƒe kplɔlawo. Woƒe fiawo katã mu dze anyi, gake ɖeke meyɔm kpɔ o. “Efraim tsaka kple dukɔ bubuwo, eye wòle abe abolo si mebi nyuie o la ene. Du bubu me tɔwo xɔ ŋusẽ le esi, gake menya o. Efraim ƒe ɖa le wɔ ƒom, gake menya gɔ̃ hã be yele tsitsim le gbɔdzɔgbɔdzɔm o. Israel ƒe dada le ɖase dim le eŋuti; esi nu siawo katã le dzɔdzɔm hã la, metrɔ va Yehowa, eƒe Mawu la gbɔ be yeadii o. “Efraim le abe ahɔnɛ movitɔ aɖe ene, eyɔa Egipte be wòakpe ɖe ye ŋuti, eye wòdzona yia Asiria. Gake ne woyi la, matsɔ nye ɖɔ atsyɔ wo; maɖiɖi wo ava anyie abe xevi si le dzodzom le yame ene. Ne mese wole ƒu ƒom la, mayi aɖalé wo. Baba na mi, nye amewo, elabena miegbem; mana woatsrɔ̃ mi, elabena miedze aglã ɖe ŋutinye! Medi vevie be maɖe wo, gake woda alakpa ɖe asinye. Womedo ɣli nam tso woƒe dzi me o, ke wofa avi le woƒe abawo dzi. Woƒoa ƒu ɖe bli kple aha yeye ŋuti, ke nye la, wotrɔ le yonyeme. Nyee he wo, eye mena wokpɔ ŋusẽ, gake azɔ la, wotsi tsitre ɖe ŋutinye. Wometrɔ ɖe Dziƒoʋĩtɔ la ŋu o. Wole abe dati si daa dadagbo la ene, eya ta woƒe kplɔlawo atsi yi nu ɖe nya vlo si dona le woƒe nu me la ta. Esia ta woaɖe alɔme le wo ŋuti le Egiptenyigba dzi. Israel ŋlɔ Mawu be “Mitsɔ kpẽ la ɖo nu! Egbɔna abe hɔ̃ ene ɖe Yehowa ƒe aƒe la ŋu, elabena wotu nye nubabla la hetsitre ɖe nye seawo ŋu. Azɔ la, Israel le ɣli dom nam be, ‘Míaƒe Mawu, kpe ɖe mía ŋuti!’ Gake Israel gbe nu le nu si nyo la gbɔ; azɔ la, eƒe futɔwo ati eyome. Woɖo fiawo, gake womebia gbem hafi o, eye wotia dumegã siwo dzi nyemeda asi ɖo o. Wotsɔ woƒe klosalo kple sika wɔ legbawoe na wo ɖokui hena woawo ŋutɔ ƒe tsɔtsrɔ̃. O Samaria, tsɔ wò nyivilegba si nèwɔ la ƒu gbe. Nye dɔmedzoe le bibim ɖe wo ŋu. Gbe ka gbe miana mia ŋuti nakɔ? Nu siawo dzɔ tso Israel, nyivilegba si gbede tu la, menye Mawu o, eya ta woagbã Samaria ƒe nyivi la gudugudu. “Woƒã ya, eya ta woaŋe ahomya. Woƒe bliwo magbã ahadza o, eya ta ahɔ̃litiwo matse ku o, eye ne bli anɔ blitikpui aɖewo ŋu hã la, amedzrowo ahae aɖu. Israel gbã gudugudu, ɖeko wòle dukɔwo dome abe nu maɖinu ene, elabena wodzo yi Asiria hele tsatsam abe gbetedziwo ene. Efraim tsɔ eɖokui dzra na ahiãviwo. Togbɔ be wodzra wo ɖokuiwo na dukɔwo hã la, magaƒo wo nu ƒu azɔ. Woakpe fu le fiagã la kple dumegãwo ƒe teteɖeanyi ta. “Efraim tu vɔsamlekpui geɖewo, hena nu vɔ̃ vɔsa, gake menye nyee wòtu wo na o. Wotu wo hena nu vɔ̃ wɔwɔ. Ne mede se akpe ewo nɛ hã la, ɖeko wòagblɔ be menye yee wode seawo na o, ke boŋ ame bubuwoe wode wo na. Wowua nye vɔsalãwo hena lã la ɖuɖu, gake woƒe nu menyoa Yehowa ŋu o. Azɔ aɖo ŋku woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi dzi, eye wòahe to na wo ɖe woƒe nu vɔ̃ ta, ale woagatrɔ ayi Egipte. Israel ŋlɔ eƒe wɔla be, eye wòtu fiasã gã dranyiwo. Yuda ɖo gli sesẽwo ƒo xlã eƒe duwo. Maɖo dzo ɖa wòafia woƒe duwo, eye wòabi woƒe mɔ sesẽwo.” Tohehe na Israel O Israel, migakpɔ dzidzɔ abe ame bubuwo ene o, elabena miegbe miaƒe Mawu la hesa vɔ na mawu bubuwo, eye mielɔ̃ gbolowo ƒe nunanawo le lugbɔƒe ɖe sia ɖe. Lugbɔƒewo kple wainfiaƒewo mana nuɖuɖu amewo o, eye woƒe aha yeye agblẽ. Miaganɔ anyigba si nye Yehowa tɔ la dzi o, Efraim atrɔ ayi Egipte, eye woaɖu nu makɔmakɔwo le Asiria. Le afi sia la, womaɖe mɔ be miatsɔ wain asa vɔe na Yehowa o, elabena vɔsa siwo katã woawɔ le afi ma la ƒe ɖeke madze eŋu o; vɔsa siawo ŋuti mekɔ o, ɖeko wole abe kuteƒenuɖuɖu ene, eye ame siwo katã ɖui la, woawo hã ŋuti mekɔ o. Woate ŋu aɖu nu siawo be woaɖi ƒo, gake menye be woatsɔe asa vɔe le Yehowa ƒe gbedoxɔ me o. Ekema nu ka miawɔ le ŋkeke kɔkɔewo kple Yehowa ƒe ŋkekenyuiwo dzi? Elabena ne wosi le gbegblẽ nu la, Egipte aƒo wo nu ƒu, eye Memfis aɖi wo. Woƒe klosalonu veviwo alé ɣebia, eye aŋɔka avu atsyɔ woƒe agbadɔwo dzi. Toheɣi na Israel ɖo vɔ; nu vɔ̃ ƒe akɔntanaɣi ɖo vɔ, eye kpuie la, Israel anya nu si wònye. Esi wò nu vɔ̃wo li kɔ gleglegle, eye fuléle yɔ mewò fũu ta la, nyagblɔɖila zu bometsila, eye ame si me Mawu ƒe gbɔgbɔ le la zu tsukunɔ. Meɖo nyagblɔɖilawo be woadzɔ Efraim ŋu, gake dukɔ la xe mɔ na wo le mɔ ɖe sia ɖe nu, woɖe woƒe fulélewo fia le dutoƒo, eye wowɔ esia hã le Mawu ƒe gbedoxɔ me gɔ̃ hã. Nu tovo siwo wɔm nye dukɔ le la, le abe movinu siwo wowɔ le Gibea gbe aɖe gbe va yi ene. Mawu aɖo ŋku woƒe nu vɔ̃ɖiwo dzi, eye wòahe to na wo le woƒe nu vɔ̃wo ta. “Esi medo go Israel la, enɔ nam abe waintsetse le gbegbe ene; esi medo go wo fofowo la, enɔ nam abe gbotsetse gbãtɔ le gboti dzi ene. Ke esi wova Baal Peor gbɔ la, wotsɔ wo ɖokuiwo na ŋukpenalegba la eye woɖi gbɔ̃ abe legba si ŋu woku ɖo la ene. Efraim ƒe ŋutikɔkɔe dzo, dzo abe xevi ene, eya ta womadzi vi o, womafɔ fu o, eye womado fu hã o eye ne viwòwo tsi la, maxɔ wo le asiwò, atsrɔ̃ wo. Baba na mi, ne metrɔ dzo le mia gbɔ. Anye blanuiléle ƒe ŋkeke. Mekpɔ Efraim, wodɔe ɖe teƒe dzeani aɖe abe Tiro ene, gake Efraim akplɔ viawo ade asi na amewula.” O Yehowa, nu ka nàtsɔ ana wò amewo? Nu siwo nàtsɔ na wo lae nye vidzidɔ si mate ŋu atsɔ fu o kple no siwo me notsi manɔ o. “Woƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ katã dze egɔme le Gilgal, eye afi mae nye hã megbe nu le wo gbɔ le. Manya wo le nye anyigba dzi le woƒe ahasiwɔwɔ ta. Nyemagalɔ̃ wo azɔ o, elabena woƒe amegãwo katã nye aglãdzelawo. Efraim, tsɔtsrɔ̃ tu wò. Israel, wò kewo katã yrɔ, màgatse ku azɔ o, eye ne èdzi vi hã la, mawu ɖevi si gbɔ womelɔ̃ nu le o.” Nye Mawu agbe Israelviwo, elabena wogbe be yewomaɖo toe o. Woazu tsatsalawo, kple aƒemanɔsitɔwo le dukɔwo dome. Kpɔ ale si kesinɔnuwo yɔ Israel ɖa! Israel le abe wainka si vu, eye wòtse ku kplanya la ene. Ale si ke wòtse ku geɖewoe la, nenema ke wòtua vɔsamlekpuiwoe. Zi ale si meyra ɖe eƒe anyigba dzi la, zi nenema ke wòliaa legba dzɔtsuwoe. Woƒe dziwo te ɖa xaa tso Mawu gbɔ. Wodze agɔ, eya ta ele be woahe to na wo. Yehowa agbã woƒe trɔ̃ƒewo, eye wòagbã woƒe legbawo. Ekema woagblɔ be, “Fia aɖeke megale mía si o, elabena míede bubu Yehowa ŋu o. Ke ne fia le mía si hã la, nu ka wòawɔ na mí?” Wokaa atam dzodzrowo tsɔ ɖoa kpe nubabla dzii, eya ta ʋɔnudɔdrɔ̃ anye ɖe wo ŋuti abe ale si aɖigbe miena ɖe agble me ene. Ŋɔdzi ɖo Samariatɔwo le woƒe nyivimawu si le Bet Aven ta. Esubɔlawo le nu xam le eta, eye vodua ƒe nunɔlawo axa nu le esi eƒe ŋutikɔkɔe dzo le egbɔ la ta. Ne Asiriatɔwo ɖe aboyo wo mlɔeba la, woatsɔ woƒe nyivimawu la ana Asiria fia, Yareb, abe nunana ene. Ŋukpe alé Efraim, eye Israel ƒe mo atsi yaa le eƒe legbawo ta. Woakplɔ Samaria kple eƒe fia adzoe abe ale si ƒutsotsoe kplɔa futukpɔ dzonae ene. Woagbã vɔ̃ɖinyenye ƒe vɔsaƒe siwo le Aven, eyae nye Israel ƒe nu vɔ̃. Ŋu kple aŋɔka avu atsyɔ woƒe vɔsamlekpuiwo dzi. Woagblɔ na towo be, “Mitsyɔ mía dzi,” eye woagblɔ na togbɛwo be, “Mimu dze mía dzi.” “O Israel, èwɔ nu vɔ̃ tso Gibea ŋɔli ke, eye nègale ewɔwɔ dzi. Ɖe Gibea ƒe nu vɔ̃ wɔwɔ mena woɖu wo dzi le aʋa me oa? Matso ɖe mia ŋuti le miaƒe tosesẽ ta; ɖe miaƒe nu vɔ̃ siwo do agba ɖe mia dzi ta la, madɔ dukɔ bubuwo ƒe asrafowo ɖe mia ŋuti be woahe to na mi, le miaƒe nu vɔ̃ eve siwo dzɔ le ɣeyiɣi ɖeka me la ta. Efraim léa be na nyiviwo nyuie, eye blinyɔnyɔ hã dzɔa dzi nɛ; azɔ la matsɔ kɔkuti ade eƒe kɔ nyuie la, eye matsi ɖe tasiaɖam ŋu, Yuda aŋlɔ agble, eye Yakob adzobo anyigba Miƒã dzɔdzɔenyenye ƒe ku, ekema miaŋe nye lɔlɔ̃; miŋlɔ miaƒe dzi sesẽ la abe agble ene, elabena azɔe nye Yehowa diɣi, be wòava akɔ dzɔdzɔenyenye ɖe mia dzi. Ke miede nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe agble, miexa nu madzɔmadzɔ wɔwɔ, mieɖu alakpakutsetse; elabena mieɖo ŋu ɖe miaƒe ŋusẽ kple aʋakɔ gã la ŋu. Esia ta aʋawɔwɔ ƒe ŋɔdzi alé wò dukɔ, eye woagbã wò mɔ sesẽwo katã, abe ale si Salman wɔe le Bet Arbel ene; le nyadzɔdzɔ ma me la, wolé nyɔnuwo kple wo viwo siaa xlã ɖe anyi woku. Esia anye ale si woawɔ wò, O Betel, elabena wò nu vɔ̃ɖiwo sɔ gbɔ. Le ŋdi kanya gbe ɖeka la, woaɖe Israel fia ƒe agbe ɖa. Mawu ƒe lɔlɔ̃ na Israel “Esi Israel nye ɖevi la, melɔ̃e, eye Egipte meyɔ vinye la tsoe, abe vinye ŋutsu ene. Zi ale si meyɔe la, zi nenema ke wòtrɔ megbe dem, hele vɔ sam na Baalwo, eye wòle dzudzɔ ʋeʋĩ dom na legbawo. Nyee lé Efraim ƒe alɔnu hefia azɔlizɔzɔe, gake menyae be nyee kpɔ ye ta o. Mekplɔ wo kple dɔmenyo ƒe ka, eye mebla wo kple lɔlɔ̃. Meɖe kɔkuti la le woƒe kɔ, eye mebɔbɔ na nuɖuɖu wo. “Nye dukɔ agatrɔ ayi Egipte, eye Asiria aɖu wo dzi, elabena wogbe dzimetɔtrɔ. Aʋa adzɔ le woƒe duwo me; woagbã woƒe agbo sesẽwo, eye woatɔ te woƒe ɖoɖowo. Nye dukɔ ɖoe kplikpaa be yeagbem. Esia ta ne woyɔ Mawu, Dziƒoʋĩtɔ la gɔ̃ hã la, womakpɔ xɔxɔ o. “O, nye Efraim, aleke mate ŋu atsɔ wò ana? Israel, aleke mate ŋu aɖe asi le ŋuwò? Aleke mawɔ agbe wò abe Adma kple Zeboyim ene? Nye dzi le avi fam le menye, eye nye dzi xɔ dzo ɖe mia ŋuti be maɖe mi! Gbeɖe, nyemahe to na mi abe ale si nye dziku helĩhelĩ le gbɔgblɔm nam ene o, eye nyemagbã Efraim gudugudu hã o, elabena Mawue menye, eye menye amegbetɔe menye o. Nyee nye Kɔkɔetɔ si le mia dome eye nyemava le dziku me be magblẽ nu o. Azɔ la, dukɔ la adi Yehowa. Aɖe gbe abe dzata ene. Ne eɖe gbe la, viawo atrɔ agbɔ kple dzodzo nyanyanya tso ɣetoɖoƒe. Woatrɔ tso Egipte abe xeviwo ƒe ha gã aɖe ene. Nenema ke woatrɔ tso Asiria abe ahɔnɛ ƒe ha gã aɖe ene. Magakplɔ wo ayi woƒe aƒewo mee.” Yehowae gblɔe. Israel ƒe nu vɔ̃ Efraim ƒo xlãm kple alakpa, eye Israel ƒe aƒe la ƒo xlãm kple beble. Yuda gadze aglã ɖe Mawu ŋuti, eye wòtsi tsitre ɖe anukwaretɔ kple Kɔkɔetɔ la gɔ̃ hã ŋu. Efraim ƒua du kplɔa ya ɖo, etia ɣedzeƒeya yome ŋkekea katã, eye wòdzia alakpa kple ŋutasesẽ ɖe edzi. Ebla nu kple Asiria, eye wòɖo ami ɖe Egipte. Yehowa tsɔ nya ɖe Yuda hã ŋuti. Woahe to na Yakob hã le eƒe mɔ vɔ̃wo ta, eye woaɖo eƒe nuwɔnawo teƒe nɛ. Le dɔ me la, elé nɔvia ƒe afɔkpodzi, eye esi wòtsi zu ŋutsu la, ete kame kple Mawu. Ɛ̃, ete kame kple mawudɔla, eye wòɖu edzi gɔ̃ hã. Efa avi heɖe kuku nɛ be wòayra ye. Edo go Mawu le Betel, ƒo nu kplii le afi ma. Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ si ŋkɔe nye Yehowa la ƒo nu nɛ, eya ta mitrɔ gbɔ va miaƒe Mawu la gbɔ. Minɔ agbe le nyateƒetoto kple lɔlɔ̃ me, eye miɖo ŋu ɖe miaƒe Mawu la ŋu be wòawɔ nu geɖe na mi. Alakpanudanu le asitsalawo si, wolɔ̃a amebaba. Efraim dana gblɔna be: “Kesinɔtɔ gã aɖee menye! Le nye kesinɔnu gbogboawo ta la, womakpɔ vodada alo nu vɔ̃ le menye o.” “Yehowa ɖeka kple Mawu ɖeka ma, si ɖe wò tso kluvinyenye me le Egipte lae menye, eye nye kee ana mianɔ agbadɔwo me abe ale si miewɔnɛ ƒe sia ƒe le Agbadɔmeŋkekenyuiɖuɖu me ene. Medɔ nye nyagblɔɖilawo be woaxlɔ̃ nu mi to ŋutega, drɔ̃ekuku kple lododowo me.” Ɖe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi le Gilgal mahã? Vavã wonye bometsilawo. Wotsɔ nyitsuwo sa vɔe le Gilead. Ɛ̃, woagbã woƒe vɔsamlekpuiwo ali kɔe ɖe agble dzi. Yakob si yi ɖe Siria, eye Israel subɔ be yeaɖe srɔ̃, eye be yeakpɔ ga abia nyɔnu ta la, ekplɔ alẽ. Yehowa kplɔ eƒe dukɔ la do goe le Egipte to nyagblɔɖila aɖe dzi, eye wòdzɔ wo ŋuti, fia mɔ wo, gake Efraim do dɔmedzoe na Yehowa vevie. Eƒe Aƒetɔ la ana eƒe nu vɔ̃wo ƒe ʋu nava eƒe ta dzi, eye wòaɖo eteƒe nɛ. Mawu ƒe dɔmedzoe ɖe Israel ŋu Tsã la, ne Efraim ɖe gbe la, dukɔwo ʋuʋuna nyanyanya, elabena wodoe ɖe dzi le Israel, gake edze Baal subɔsubɔ ƒe nu vɔ̃ me eye wòku. “Ke azɔ la, woƒe aglãdzedze la va de ŋgɔ. Wotsɔ woƒe klosalo na aɖaŋuwɔlawo, ame siwo lolõ wo tsɔ wɔ legbawo le woawo ŋutɔ ƒe nunya nu. Wogblɔ tso dukɔ sia ŋu be wotsɔa amegbetɔ saa vɔe, eye wogbugbɔa nu na nyivilegbawo. Wo katã woabu vĩi abe afu ene, eye woaƒu enumake abe ahũ ene; woakaka abe ale si ya kakana atsakiti ene, eye woabu abe dzudzɔ ene. “Nye ɖeka koe nye Yehowa, miaƒe Mawu, eye alea ko mele tso esime ke mekplɔ mi do goe tso Egipte. Mawu bubu aɖeke mele mia si o, negbe nye ko, elabena ɖela aɖeke meli kpe ɖe ŋutinye o. Mekpɔ mia ta le gbedzi, le kuɖiɖinyigba ma dzi. Ke esi mieɖu nu ɖi ƒo vɔ la, dada yɔ mia me, mieŋlɔm be, eya ta mava dze mia dzi abe dzata ene, made xa ɖe mɔ to na mi abe lãklẽ ene. Madze wo dzi abe sisiblisinɔ si ƒe viwo wofi dzoe ene, mavuvu wo akɔ ɖi abe dzatanɔ ene. Lã wɔadã aɖe avuvu wo viwo akɔ ɖi. “O Israel, ètsrɔ̃ ɖokuiwò, elabena ètso ɖe nye, wò xɔnametɔ ŋu. Afi ka miaƒe fia la le? Nu ka wɔ miayɔe ne wòaxɔ na mi o? Afi ka miaƒe dumegãwo katã le? Ame siwo ŋuti miegblɔ le be, ‘Na fia kple dumegãwo mí’ la le? Eya ta miyɔ wo woava xɔ na mi! Le nye dziku me, meɖo fia na mi, eye megaxɔe le mia si le nye dɔmedzoe me. Woƒo Efraim ƒe vodadawo nu ƒu, eye wodzra eƒe nu vɔ̃wo ɖo ɖe agbalẽ me. Efraim se veve abe nyɔnu si le ku lém la ene, gake ele abe vi manyanu ene, elabena ne eƒe ɣeyiɣi de la, medoa ta ɖe vidzidɔ nu o. “Maɖe wo tso tsiẽƒe ƒe ŋusẽ me, eye maxɔ wo le ku ƒe asi me. O ku, afi ka wò ŋɔdzi la le? O tsiẽƒe, afi ka wò gbegblẽ la le? Elabena nyemakpɔ nublanui o. “Togbɔ be eyae de ŋgɔ wu le nɔviawo dome hã la, ɣedzeƒeya tso Yehowa gbɔ aƒo tso gbegbe ava. Eƒe tsiwo amie, eye vudowo me aƒu kplakplakpla. Woaha eƒe nudzraɖoƒewo, eye woalɔ eƒe kesinɔnuwo adzoe. Samaria azu aƒedo, elabena edze aglã ɖe Mawu ŋu. Woatsi yi nu, woalé vidzĩwo axlã ɖe anyi woaku, eye woako woƒe funɔwo kple yi agbagbee.” Dzimetɔtrɔ si ahe yayra vɛ O Israel, mitrɔ yi Yehowa, miaƒe Mawu la gbɔ, elabena miaƒe nu vɔ̃wo gbã mi gudugudu. Miva Yehowa gbɔ kple miaƒe kukuɖeɖe, eye miagblɔ nɛ be, “O Yehowa, tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí. Ve mía nu nàgaxɔ mí, eye míatsɔ kafukafuvɔsa vɛ na wò. Asiria mate ŋu axɔ na mí le aʋa me o, eye míaƒe aʋawɔsɔwo hã mate ŋu aɖe mí o; míagayɔ legba siwo míewɔ kple asi la be míaƒe mawuwo azɔ o, elabena wò Yehowa ɖeɖe gbɔ ko tsyɔ̃eviwo kpɔa nublanuikpɔkpɔ le.” “Ekema mada gbe le woƒe mɔtatra ŋu, eye magalɔ̃ wo kple dzi faa, elabena nye dɔmedzoe nu afa keŋ. Manɔ abe ahũdzadza ene na Israel, aƒo se nyuie abe dzogbenya ene, eye wòaƒo ke ɖe to abe Lebanon ƒe sedati ene. Eƒe alɔdzewo atse nyuie, eƒe dzedzeme anɔ abe amiti ene, eye eƒe ʋeʋẽ anɔ abe Lebanon ƒe sedati ene. Amewo aganɔ anyi ɖe eƒe vɔvɔli te bɔkɔɔ, aʋã abe bli ene, aƒo se abe wainti ene, eye axɔ ŋkɔ abe Lebanon ƒe wain ene. O Efraim! Migbe nu le legbawo gbɔ! Matɔ nɛ, akpɔ eta. Mele abe ati dama ene. Wò nuteƒewɔwɔ tso gbɔnye.” Ame sia ame si si nunya le la, ase nu siawo gɔme. Ame sia ame si bua ta me la, neɖo to, elabena Yehowa ƒe mɔwo le dzɔdzɔe, eye ame dzɔdzɔewoe zɔa edzi, ke nu vɔ̃ wɔlawo ya akli nu, adze anyi.