- Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020 Habakuk Habakuk ƒe agbalẽ Habakuk Hab Habakuk ƒe agbalẽ Esiae nye gbedeasi si va na Nyagblɔɖila Habakuk. Habakuk ƒe nyatsɔɖeameŋu O Yehowa, zi nenie mado ɣli ayɔ wò hafi nàxɔ nam? Medo ɣli yɔ wò ʋuu gake ŋuɖoɖo aɖeke meva o. Nu ka ta medo ɣli be: “Ŋutasesẽ le edzi yim” gake mèɖo xɔname ɖa o. Nu ka ta nèna mele nu vlo wɔwɔ teƒe kpɔm? Nu ka wɔ nèɖe mɔ na nu gbegblẽ wɔwɔ? Elabena gbegblẽ kple ŋutasesẽ le ŋkunye me eye avuwɔwɔ kple dzrewɔwɔ ƒo xlãm. Ŋusẽ megale se la si o eye afiaŋkunɔtsotso bɔ ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒewo elabena ame vɔ̃ɖiwo ɖe to ɖe ame dzɔdzɔewo. Eya ta wotsyɔ nu nya dzɔdzɔe dzi. Yehowa ƒe ŋuɖoɖo Yehowa ɖo eŋu nam be, “Nɔ ŋku lém ɖe dukɔ siwo ƒo xlã wò la ŋuti eye nu si nàkpɔ la awɔ nuku na wò. Mele nane wɔ ge le wò ŋkekewo me esi ne wogblɔe na wò la màxɔe ase o. Mele Babiloniatɔwo fɔm ɖe te; dukɔ nyanyra ma si wɔa nu kabakaba tamemabumabutɔe; ame siwo azɔ to anyigba blibo la dzi be woaxɔ nɔƒe siwo menye wo tɔ o. Ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ le wo ŋu; wowɔa nu si dze woawo ŋutɔ ŋu; wodoa wo ɖokuiwo ɖe dzi. Woƒe sɔwo ƒua du wu lãkle, eye wonyrana wu amegaxi le zã me. Woƒe asrafo sɔdolawo lũna ɖe nu dzi kple kalẽ; ɖeɖi metea woƒe sɔdolawo ŋu o. Wosaa agba le futɔwo dzi abe hɔ̃ si di be yeaƒo nu ene. Woƒe tameɖoɖo koe nye be woagblẽ nu. Woƒe amehawo gbɔna kple du abe yaƒoƒo kple dzo sesẽ le dzogbe ene, ne woalé aboyomewo woasɔ gbɔ fũu abe ƒutake ene. Woɖua fewu le fiawo kple dumegãwo ŋuti eye woɖea alɔme le woƒe mɔ sesẽwo ŋuti. Ɖeko woƒua kpo ɖe woƒe gli sesẽwo ŋuti eye woxɔa dua! Emegbe wohona dzona abe ya si ƒo va yi la ene gake woƒe nu vɔ̃ do agba ɖe wo dzi elabena wotsɔ woƒe ŋusẽ wɔ woƒe mawue.” Habakuk ƒe nyatsɔɖeameŋu evelia O Yehowa, mèli tso mavɔ me ke oa? Nye Mawu, nye Kɔkɔetɔ la maku o. O Yehowa, wòe tia wo be woadrɔ̃ ʋɔnu mí. O Agakpe, wòe ɖo wo be woahe to na mí. Wò ŋkuwo dza ale gbegbe be màte ŋu akpɔ nu vɔ̃ɖi o eye màte ŋu alɔ̃ nu gbegblẽ hã o; ke nu ka tae nèɖe mɔ wole nu tovo wɔm? Nu ka ta nèzi kpi ame vɔ̃ɖiwo mi ame siwo le dzɔdzɔe wu wo? Èwɔ amewo le abe lã siwo le atsiaƒu me kple nu gbagbe siwo le atsiaƒu me kplɔla meli na o ene. Futɔ vɔ̃ɖi la ɖe wo katã ɖe go kple ƒu. Eda ɖɔ na wo eye wòɖe wo ɖe eƒe ɖɔ me eya tae wòle dzidzɔ kpɔm, le aseye tsom ɖo. Esia ta wòsa vɔ na eƒe ɖɔ, eye wòdo dzudzɔ ʋeʋĩ na eƒe asabu, elabena eƒe ɖɔe na wòle agbe vivi ɖum eye nuɖuɖu damiwo le eƒe akɔme. Ɖe nàɖe mɔ be woanɔ ɖɔdada dzi ahatsrɔ̃ dukɔwo nublanuimakpɔtɔea? Aƒetɔ la ƒe ŋuɖoɖo Manɔ nye gbetakpɔƒe tame, eye matsi tsitre ɖe nye xɔta; mada ŋku ɖi akpɔ nu si wòagblɔ atsɔ aɖo nye biabia ŋui. Yehowa ƒe ŋuɖoɖo Yehowa ɖo eŋu nam be: “Ŋlɔ ɖeɖefia la da ɖi. Ŋlɔe ɖe nuŋlɔkpe dzi eme nakɔ ale be woate ŋu axlẽe bɔbɔe. Elabena azãgbe li na ɖeɖefia la elabena eƒo nu tso nuwuwu si le vava ge la ŋuti eye mada le edzi o; ke ne ehe ɖe megbe hã la, lalae elabena ava eme godoo, mada le edzi o. “Nye kɔ nàkpɔ dadala la ɖa; nu dzɔdzɔe wɔwɔ aɖeke mele eya amea me o; ke ame dzɔdzɔe anɔ agbe to eƒe xɔse me. Gawu la, wain ɖe hae, edoa eɖokui ɖe dzi eye medzea kɔ anyi o. Elabena ele abe yɔdo si nu meɖia kɔ na o ene eye wògale abe ku si nu meɖia ƒo na o ene. Eƒo dukɔwo katã nu ƒu na eɖokui eye wòdo kluvi amewo katã. “Ɖe amewo katã maɖia wo nu, aɖe alɔme le wo ŋu, ako wo ahagblɔ be: “ ‘Baba na ame si li kɔ nu siwo wofi ɖi eye wòwɔ eɖokui kesinɔtɔe to amebaba me. Ɣe ka ɣie nu siawo ayi edzi ase ɖo?’ Ɖe wò fetɔwo matso ɖe ŋuwò kpata, ɖe womanyɔ ado ŋɔdzi na wò oa? Ekema àva zu woƒe nuhaha. Esi mieha dukɔ geɖewo ta la ame siwo susɔ la aha miawo hã elabena miekɔ ʋu ɖi eye mietstrɔ̃ anyigbawo, duwo kple ame siwo le wo me. “Baba na ame si tu sã to amebaba me, ne yeawɔ nɔƒe ɖe dziƒo ke be yeasi le gbegblẽ nu. Ame geɖewo ƒe tsɔtsrɔ̃ tso mia gbɔ eya ta miedo ŋukpe miawo ŋutɔ ƒe aƒe, miebu miawo ŋutɔ ƒe agbe. Kpe siwo wotsɔ tu miaƒe xɔwoe gɔ̃ hã ado ɣli ɖe mia ta eye ati siwo wotsɔ wɔ dzisasãwo la hã aɖe gbeƒã nya siwo kpeawo gblɔ. “Baba na mi, mi ame siwo wu amewo eye miexɔ ga le amewo si tsɔ tso hlɔ̃dodui. Ɖe Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la meɖoe be amewo ƒe agbagbadzedzewo katã nabi le dzo me eye dukɔwo naka hiã wo ɖokui dzodzro oa? Ke anyigba dzi ayɔ fũu kple sidzedze Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe abe ale si tsi yɔ atsiaƒu mee ene. “Baba na ame si na aha ehavi wòno eye wòku wain na ehavi wòno va se ɖe esime wòmu be yeakpɔ eƒe amame. Azɔ eɖo wò hã dziwò. Noe nàɖe amama eye ŋukpe nava dziwò le ŋutikɔkɔeteƒe. Kplu si Yehowa lé ɖe eƒe nuɖusime la gbɔna gbɔwò eye ŋukpe atsyɔ wò ŋutikɔkɔe dzi. Nu vlo si nèwɔ Lebanon la ava ƒo ɖe wò hã dziwò. Lã siwo katã nètsrɔ̃ la ado ŋɔdzi na wò elabena èkɔ ʋu ɖi eye nètsrɔ̃ anyigba kple duwo kple wo me nɔlawo katã. “Viɖe kae le legba si ame li la ŋuti alo aklamakpakpɛ si daa alakpa la ŋuti? Ame si wɔe la tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe nu si eya ŋutɔ wɔ la dzi elabena ewɔ legba siwo mate ŋu aƒo nu o. Baba na ame si gblɔ na atikpakpɛ be, ‘Gbɔ agbe!’ Alo na kpe si me agbe mele o be, ‘Nyɔ!’ Ɖe wòate ŋu afia mɔ amea? Wotsɔ sika kple klosalo ɖo atsyɔ̃ nɛ gake agbegbɔgbɔ mele eme o.” Ke Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me, xexea me katã nazi ɖoɖoe le eŋkume. Habakuk ƒe gbedodoɖa Esiae nye Nyagblɔɖila Habakuk ƒe gbedodoɖa si woadzi ɖe kasaŋku ŋuti. Yehowa, mese nya le wò gãnyenye ŋuti. O Yehowa, wò nuwɔwɔwo wɔ nuku lo! Gbugbɔ wo wɔ yeye le míaƒe ŋkekewo me. Ɖe wo fia le míaƒe ɣeyiɣi me. Le wò dziku me, ɖo ŋku nublanuikpɔkpɔ dzi. Mawu tso Teman va. Kɔkɔetɔ la ɖi tso Paran to dzi. Sela. Eƒe ŋutikɔkɔe yɔ dziƒowo eye eƒe kafukafu yɔ anyigba dzi! Eƒe ŋutikɔkɔe nɔ abe agudzedze ene eye keklẽ gã aɖe do tso eƒe asi me, afi si eƒe ŋusẽ be ɖo. Dɔ vɔ̃ le zɔzɔm le eŋgɔ eye dɔxɔleameŋu le eyome. Etɔ eye wòʋuʋu anyigba; ekpɔ nu eye dukɔwo ʋuʋu. Blematowo kaka eye gbe aɖe gbe togbɛwo ŋe dze eme. Eƒe mɔwo li tegbee. Mekpɔ Kusam ƒe agbadɔwo le xaxa me eye Midiantɔwo ƒe nɔƒewo le nublanui me. O Yehowa, ɖe nèdo dziku ɖe tɔsisiwo ŋua? Ɖe wò dɔmedzoe bi ɖe tɔʋuwo ŋua? Ɖe wò dziku bi ɖe atsiaƒu ŋu esi nèdo wò sɔwo kple wò tasiaɖamwo le wò dziɖuɖu mea? Ehe wò dati ɖe go eye nèbia be woatsɔ wò aŋutrɔwo na wò. Sela. Ètsɔ tɔsisiwo ma anyigba lae. Towo kpɔ wò eye woŋe kple vevesese. Tsiɖɔɖɔ si va yi, tometsiwo ɖe gbe eye woƒe tsotsoewo de dzi. Ɣe kple ɣleti tɔ ɖe wo nɔƒe le dziƒo esi wokpɔ wò aŋutrɔ bibiawo kple wò akplɔ si le dzo kem miamiamia. Èzɔ to anyigba dzi le wò dziku dziŋɔ la me eye nèɖo afɔ dukɔwo dzi kple dziku. Ke èdo be yeaɖe wò amewo eye yeaxɔ na wò amesiamina. Ègbã ta na ame vɔ̃ɖiwo ƒe anyigba ƒe kplɔla eye nèɖe amea tso tagbɔ va se ɖe afɔ gbɔ. Sela. Ètsɔ eya ŋutɔ ƒe akplɔ ŋɔ ta nɛ esi eƒe asrafowo dze mía dzi be yewoakaka mí. Wole gbe tem abe ɖe wodi be yewoavuvu nublanuitɔ siwo si be la ene. Ètsɔ wò sɔwo blu atsiaƒu kple tsi gbana la. Mesee eye nye dzi dzo le menye kpakpakpa; nye nuyiwo dzo nyanyanya esi mese woƒe howɔwɔ la, vɔvɔ̃ ɖom ɖe nye ƒu tome ke eye nye afɔwo ƒo kpakpakpa. Ke malala kple dzigbɔɖi na dzɔgbevɔ̃eŋkeke la be wòava dukɔ si le mía ham la dzi. Togbɔ be gboti meƒo se o eye wain metse ɖe wainkawo ŋu o, togbɔ be amiti metse o eye nuɖuɖu mele agble dzi o, togbɔ be alẽwo vɔ le alẽkpo me, eye nyiwo vɔ le nyikpo me hã la, nye la, makpɔ dzidzɔ le Yehowa me eye madzɔ dzi le Mawu, nye Ɖela, me. Aƒetɔ Yehowae nye ŋusẽ. Ewɔ nye afɔ abe zinɔ tɔ ene, eye wònana be mazɔa Kɔkɔeƒewo. Na hafiala, woadzi ɖe kasaŋku ŋu.