- Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020 Mose 1 Mose ƒe agbalẽ gbãtɔ Mose 1 Mo1 Mose ƒe agbalẽ gbãtɔ Xexemewɔwɔ Le gɔmedzedzea me la, Mawu wɔ dziƒo kple anyigba. Anyigba nɔ nyamaa, nɔnɔme aɖeke meli nɛ o. Ele ƒuƒlu, eye viviti do ɖe tsi gbana la dzi, eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ nɔ agba sam le tsia dzi. Mawu gblɔ be, “Kekeli nedo.” Eye kekeli do. Mawu kpɔ be kekeli la nyo, eye wòma kekeli la tso viviti la gbɔ. Mawu yɔ kekeli la be “ŋkeke,” eye wòyɔ viviti la be “zã.” Ale zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke gbãtɔ. Mawu gblɔ be, “Lilikpo nedo, eye wòama tsi si le lilikpo la te kple esi le lilikpo la tame la me. Eye wòva eme nenema.” Ale Mawu wɔ lilikpo, eye wòma tsi si le lilikpo la te la ɖa tso esi le lilikpo la tame la gbɔ, eye wòva eme. Mawu yɔ lilikpo la be “dziƒo.” Zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke evelia. Mawu gblɔ be, “Mina tsi si le lilikpo la te la naƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka be anyigba ƒe ƒuƒuiƒe nadze.” Eva eme nenema. Mawu yɔ ƒuƒuiƒe la be “anyigba,” eye wòyɔ tsi siwo ƒo ƒu la be, “atsiaƒuwo.” Mawu kpɔe be enyo. Mawu gblɔ be, “Mina nuwo namie ɖe anyigba la dzi: ati tsekuwo kple ati siwo tsena, eye ku nɔa tsetseawo me wotɔxɛwotɔxɛe la.” Eva eme nenema. Tete nuwo mie ɖe anyigba la dzi: ati siwo tsea ku wotɔxɛwotɔxɛe, eye Mawu kpɔe be enyo. Zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke etɔ̃lia. Mawu gblɔ be, “Mina akaɖiwo nanɔ dziŋgɔli la me be woama ŋkeke ɖa tso zã gbɔ, eye woanye dzesi siwo afia ɣeyiɣiwo, ŋkekewo kple ƒewo, eye woanye akaɖiwo le dziŋgɔli la me be woana kekeli anyigba.” Eye wòva eme nenema. Mawu wɔ nu keklẽ gã eve: ɣe kple ɣleti, be woaklẽ ɖe anyigba dzi. Eɖoe be nu keklẽ gãtɔ si nye ɣe la naklẽ le ŋkeke me, eye suetɔ si nye ɣleti la naklẽ le zã me. Ewɔ ɣletiviwo hã. Mawu tsɔ wo ɖo lilikpo la ŋu, be woana kekeli anyigba, aɖu zã kple ŋkeke dzi, eye woama kekeli ɖa tso viviti gbɔ. Nu sia dze Mawu ŋu. Ale zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke enelia. Mawu gblɔ be, “Tɔmelãwo nedzi ɖe tsiawo me, eye xeviwo nedzo le yame le dziŋgɔli la ƒe ŋkume.” Ale Mawu wɔ ƒumelã gãwo kple nu gbagbe siwo tana, eye wonɔa tsi me la ƒomevi vovovowo kple xevi siwo dzona la ƒomeviwo katã. Mawu kpɔe be enyo. Mawu yra wo gblɔ be, “Midzi ne miasɔ gbɔ, miayɔ atsiaƒuwo me, eye miana xeviwo nasɔ gbɔ le anyigba dzi.” Eye zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke atɔ̃lia. Mawu gblɔ be, “Anyigba nedzi lã kple nu gbagbe ɖe sia ɖe ƒomevi: nyiwo, nu tatawo kple gbemelã ɖe sia ɖe tɔgbi.” Eye wòva eme nenema. Mawu wɔ lã wɔadãwo, nyi kple nu tatawo dometɔ ɖe sia ɖe tɔgbi. Eye Mawu kpɔ be enyo. Mawu gblɔ be, “Mina míawɔ ame ɖe míaƒe nɔnɔme me, wòaɖi mí, eye wòaɖu ƒumelãwo, dziƒoxewo, aƒemelãwo kple gbemelãwo katã kpakple nu gbagbe siwo katã tana le anyigba dzi la dzi.” Ale Mawu wɔ ame ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme me. Mawu ƒe nɔnɔme me wòwɔ ame ɖo; ŋutsu kple nyɔnu wòwɔ. Mawu yra wo gblɔ na wo be, “Midzi miayɔ anyigba blibo la dzi, eye miaɖu edzi; miawoe nye tɔmelãwo, dziƒoxewo kple lã siwo katã tana le anyigba dzi la dzi ɖulawo.” Mawu gagblɔ be “Metsɔ nu miemie siwo tsea ku le anyigba blibo la dzi kple ati tsekuwo na mi abe miaƒe nuɖuɖu ene. Metsɔ gbewo kple atiwo katã na lãwo kple xeviwo kple nu siwo katã tana, siwo me agbe le, le anyigba dzi abe woƒe nuɖuɖu ene.” Eye wòva me nenema. Mawu lé ŋku ɖe nu siwo katã wòwɔ la ŋu, eye wòkpɔe be wonyo ŋutɔ. Zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke adelia. Ale Mawu wu dziƒo kple anyigba kpakple nu siwo katã le xexea me la wɔwɔ nu. Eya ta le ŋkeke adrelia gbe, esi Mawu wu eƒe dɔwɔwɔwo nu la, edzudzɔ eɖokui tso eƒe dɔwɔnawo katã me. Mawu yra ŋkeke adrelia, eye wòwɔe kɔkɔe, elabena eyae nye ŋkeke si dzi wòdzudzɔ xexea me wɔwɔ le. Mawu wɔ Adam da ɖe Edenbɔ me Esiawoe nye dziƒo kple anyigba ƒe dzɔdzɔmenyawo, le wo wɔwɔ me le ɣeyiɣi si me Yehowa Mawu wɔ anyigba kple dziƒo. Do ŋgɔ la, atiwo kple gbewo memie ɖe anyigba dzi haɖe o, elabena Yehowa Mawu meɖo tsidzadza ɖa haɖe o, eye ame aɖeke hã menɔ anyi ade agble ɖe anyigba la dzi o. Gake tsi dzi tso anyigba ƒe tume le teƒe aɖewo, eye wòtsa le anyigba la dzi. Azɔ Yehowa Mawu tsɔ anyi me amegbetɔ, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔtime, eye wòzu luʋɔ gbagbe. Esia megbe la, Yehowa Mawu wɔ abɔ aɖe ɖe Eden le ɣedzeƒe lɔƒo, eye wòtsɔ ame si wòwɔ la da ɖe abɔ la me. Yehowa Mawu do ati siwo nya kpɔna la ƒomeviwo katã ɖe abɔ la me. Ati siawo tsea ku viviwo. Agbeti kple ati si nana wodzea si nyui kple vɔ̃ la le abɔ la titina. Tɔsisi aɖe tso Eden ƒe anyigba dzi tsa to abɔ la me hede tsii. Tɔsisi la ma ɖe alɔdze ene me. Alɔdze gbãtɔ ŋkɔe nye Pison. Etsa to Havilanyigba blibo la dzi, afi si sika le. (Sika la nyo ŋutɔ. Resin kple onikskpe hã le afi ma.) Alɔdze evelia ŋkɔe nye Gihon. Etsa to Kus ƒe anyigba blibo la dzi. Alɔdze etɔ̃lia ŋkɔe nye Tigris. Etsa to Asiria ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. Alɔdze eneliae nye Frat tɔsisi la. Yehowa Mawu tsɔ ame la da ɖe Edenbɔ la me abe abɔdzikpɔla ene. Yehowa Mawu de se na ame la be, “Èkpɔ mɔ aɖu ati sia ati le abɔ sia me, gake mèkpɔ mɔ aɖu ati si nana wodzea si nyui kple vɔ̃ ya o, elabena ne èɖui la, ku kee nàku.” Mawu wɔ Eva Yehowa Mawu gblɔ be, “Menyo be ame la ɖeka ko nanɔ anyi o. Mawɔ kpeɖeŋutɔ si asɔ ɖe eŋu la nɛ.” Azɔ Yehowa Mawu tsɔ anyi wɔ gbemelãwo katã kple dziƒoxeviwo katã. Ekplɔ wo va ame la gbɔe be yeanya ŋkɔ si wòana ɖe sia ɖe, eye ale si ame la yɔ nu gbagbe ɖe sia ɖee la zu ŋkɔ nɛ. Ale ame la na ŋkɔ nu gbagbeawo, aƒemelãwo, dziƒoxeviwo kple gbemelãwo katã. Ke amea ya mekpɔ kpeɖeŋutɔ si asɔ nɛ o. Tete Yehowa Mawu na ŋutsu la dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi. Emegbe la, eɖe ame la ƒe axaƒuti ɖeka, eye wòxe teƒe si wòɖee tsoe la. Yehowa Mawu tsɔ axaƒuti si wòɖe le amea me la wɔ nyɔnu, eye wòkplɔe va ame la gbɔ. Tete ame la do dzidzɔɣli be, “Ɛhɛ̃! Esiae nye ƒu tso nye ƒu me kple lã tso nye lãme. Woayɔe be ‘nyɔnu’, elabena ŋutsu me woɖee tsoe.” Esia ta ŋutsu gblẽa fofoa kple dadaa ɖi, eye wòkuna ɖe srɔ̃a ŋu ale gbegbe be ame eveawo zua ame ɖeka. Togbɔ be Adam kple srɔ̃a nɔ amama hã la, ŋu mekpea wo dometɔ aɖeke o. Nu vɔ̃ me dzedze kple eyomedzenuwo Da nye lã si dze aye wu lã bubu siwo katã Yehowa Mawu wɔ la. Da va nyɔnu la gbɔ, eye wòbiae be, “Ɖe wònye nyateƒe be Mawu de se na mi be migaɖu ati siwo katã le abɔa me la dometɔ aɖeke ƒe tsetsea oa?” Nyɔnu la gblɔ na da la be, “Míate ŋu aɖu ati ɖe sia ɖe si le abɔ sia me la ƒe tsetse, gake Mawu gblɔ be, ‘Migaɖu ati si le abɔ la titina ƒe tsetse o, migaka asi eŋu hã o, ne menye nenema o la, miaku.’ ” Da la gblɔ be, “Miele kuku ge akpɔ o! Mawu nya nyuie be ne mieɖui ko la, miazu abe ye ene, elabena miaƒe ŋkuwo aʋu, eye mianya nyui kple vɔ̃.” Esi nyɔnu la kpɔ be ati la ƒe tsetse nyo na ɖuɖu, eye wònya kpɔ, eye wònana wodzea nunya la, egbe ɖe ɖu. Ena ɖe srɔ̃a si le egbɔ la hã wòɖu. Esi woɖu kutsetsea ko la, wodze sii enumake be yewole amama, eye ŋu de asi wo kpekpe me. Ale wotɔ aŋgbawo hesa ɖe ali. Gbe ma gbe ƒe ɣetrɔ la, amea kple srɔ̃a se Yehowa Mawu ŋkɔ wònɔ tsa ɖim le abɔ la me. Ale woɣla wo ɖokuiwo ɖe atiawo dome. Yehowa Mawu yɔ amea, eye wòbiae bena, “Afi ka nèle?” Adam ɖo eŋu be, “Mese ŋkɔwò nègbɔna, vɔvɔ̃ ɖom, eye nyemedi be nàkpɔm manɔ amama o, eya ta meɣla ɖokuinye.” Mawu biae be, “Ame kae gblɔ na wò be èle amama? Ɖe nèɖu ati si ŋu mede se na mi le la ƒe tsetsea?” Amea ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyɔnu si nèwɔ nam lae na kutsetsea ƒe ɖem meɖu.” Yehowa Mawu bia nyɔnu la be, “Nu ka ta nèwɔ nu sia ɖo?” Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Da lae blem.” Eya ta Yehowa Mawu gblɔ na da la be, “Ɖe nu si nèwɔ ta la, “Maƒo fi ade wò ɖeka le aƒemelã kple gbemelã siwo katã le anyigba dzi la dome! Wò ƒodo dzi nàzɔ eye ʋuʋudedi anye wò nuɖuɖu le wò agbemeŋkekewo katã me. Tso azɔ dzi la, made fuléle wò kple nyɔnu la dome, eye fuléle ma ke anɔ wò dzidzime kple nyɔnu la tɔ dome. Eya la agbã ta na wò, eye wò la àɖu afɔkpodzi nɛ.” Mawu gblɔ na nyɔnu la be, “Àdzi vi le fukpekpe kple vevesese geɖe me, gake srɔ̃wò ƒe nu aganyo ŋuwò kokoko, eye srɔ̃wò anye aƒetɔ na wò.” Mawu gblɔ na Adam be, “Esi nèɖo to srɔ̃wò, eye nèɖu kutsetse si ŋu mede se na mi le ta la, meƒo fi de anyigba ɖe tawò. “Le wò agbemeŋkekewo katã me la, àku kutri be yeakpɔ nuɖuɖu tso anyigba me. Anyigba ana ŋuwo kple aŋɔkawo namie na wò, eye nàɖu woƒe gbewo. Àdze agbagba le wò agbemeŋkekewo katã me hafi akpɔ abolo aɖu va se ɖe esime nàku. Agatrɔ azu anyi, nu si wotsɔ wɔ wòe la; elabena anyi wotsɔ wɔ wòe, eye anyi ke nàgatrɔ azu.” Ŋutsu la na ŋkɔ srɔ̃a be Eva si gɔmee nye “Agbenala,” elabena egblɔ be, “Eyae azu amegbetɔƒome blibo la dzila.” Yehowa Mawu wɔ lãgbalẽwu do na Adam kple srɔ̃a. Yehowa Mawu gblɔ be, “Esi ame la zu abe míawo ene, eye wònya nyui kple vɔ̃ la, nya kae adzɔ ne aɖu agbeti la, eye wòanɔ agbe tegbetegbe?” Esia ta Yehowa Mawu nyae ɖa tso Edenbɔ la me, eye wòɖoe ɖa be wòayi aɖade agble ɖe anyigba si me woɖee tsoe la dzi. Ale Mawu nya ame la, eye wòtsɔ mawudɔla sesẽ siwo wòde yi dadzowo asi na la da ɖe Edenbɔ la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo be woadzɔ mɔ woato aɖo ta agbeti la gbɔ la nu. Kain kple Abel me nu na Yehowa Adam dɔ kple srɔ̃a, Eva, eye wòfɔ fu dzi Kain. Eva gblɔ be, “To Yehowa ƒe amenuveve me la, medzi ŋutsu.” Eva gadzi ŋutsuvi bubu, eye wòna ŋkɔe be Abel. Abel nye lãnyila, eye Kain nye agbledela. Le nuŋeɣi la, Kain tsɔ eƒe agblemenukuwo sa vɔ na Yehowa, eye Abel hã tsɔ eƒe alẽvi damitɔ sa vɔ nɛ. Yehowa xɔ Abel ƒe vɔsa, gake mexɔ Kain tɔ o. Nu sia na Kain xa nu, eye wòdo dɔmedzoe heɖo adã. Yehowa bia Kain be, “Nu ka ta nèdo dɔmedzoe vevie, eye nèyɔ mo ɖo? Wò mo ate ŋu akɔ kple dzidzɔ ne ɖe nèwɔ nu si wòle be nàwɔ la! Ke esi nèwɔ vɔ̃ ta la, nu vɔ̃ le wò ʋɔtru nu le lalawòm be yeaɖu dziwò. Ke dze agbagba be nàɖu edzi!” Kain wu Abel eye Yehowa nyae Gbe ɖeka la, Kain gblɔ na nɔvia, Abel be, “Na míayi gbedzi.” Esi woyi gbea dzi la, Kain wu nɔvia, Abel. Emegbe la, Yehowa bia Kain be, “Afi ka nɔviwò, Abel le?” Kain ɖo eŋu be, “Nyemenya o. Nɔvinyeŋudzɔlae menyea?” Yehowa gblɔ nɛ be, “Nu kae nye esi nèwɔ? Kpɔ ɖa, nɔviwò ƒe ʋu do ɣli tso anyigba dzi va ɖo gbɔnye na hlɔ̃biabia. Ke fifia fiƒode le dziwò, eye menya wò ɖa tso anyigba si nèdo gui kple nɔviwò ƒe ʋu la dzi. Anyigba maganyo nuku na wò o, ne èku kutri le edzi vevie gɔ̃ hã! Azɔ la, àzu tsaglãlatsala kple godzela le anyigba dzi.” Kain ɖo eŋu na Yehowa be, “Nye tohehe kpe wu tsɔtsɔ nam, elabena ènyam ɖa tso nye agble kple wò ŋutɔ gbɔ, èwɔm tsaglãlatsala kple godzela, eye ame sia ame si akpɔm la, adi be yeawum.” Yehowa gblɔ nɛ be, “Womawu wò o, elabena mada wò tohehe teƒe adre ɖe ame si awu wò la dzi.” Ale Yehowa de dzesi tɔxɛ Kain ŋu si ana be ame aɖeke mawui o. Ale Kain dzo le Yehowa ƒe ŋkume, eye wòyi ɖanɔ Nodnyigba si le Edenbɔ ƒe ɣedzeƒe lɔƒo la dzi. Kain srɔ̃ fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi. Ena ŋkɔe be Enɔk. Esia ta esi Kain tso du aɖe la, etsɔ via ƒe ŋkɔ nɛ be Enɔk. Enɔk nye Irad fofo, Irad nye Mehuyael fofo, Mehuyael nye Metusael fofo, Metusael nye Lamek fofo. Lamek ɖe srɔ̃ eve, Ada kple Zila. Ada dzi Yabal. Eyae zu nyikplɔla kple ame siwo nɔa avɔgbadɔwo me la dometɔ gbãtɔ. Nɔvia ŋutsu ŋkɔe nye Yubal, eye wònye ame gbãtɔ si wɔ kasaŋku kple dze. Lamek srɔ̃ evelia, Zila dzi Tubal Kain. Eyae zu gbede gbãtɔ, eye wòtua nuwo kple akɔbli kple gayibɔ. Tubal Kain nɔvinyɔnue nye Naama. Gbe ɖeka la, Lamek gblɔ na Ada kple Zila be, “Srɔ̃nyewo, miɖo tom. Mewu ame aɖe si de abi ŋunye, ɖekakpui aɖe si wɔ nuvevim. Ne woahe to na ame si awu Kain zi adre la, ekema ele be woahe to na Lamek zi blaadre-vɔ-adre!” Adam ƒe dzidzimeviwo Emegbe la, Adam kple srɔ̃a nɔ anyi eye Eva gadzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Set si gɔmee nye “Teƒeɖoɖo,” elabena Eva gblɔ be, “Mawu tsɔ ŋutsuvi bubu ɖo Abel, ame si Kain wu la teƒe nam.” Esi Set tsi la, edzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Enos. Le ɣe ma ɣi me la, amewo de asi Yehowa ŋkɔ yɔyɔ me. Tso Adam dzi va se ɖe Noa dzi Esiae nye Adam ƒe dzidzimeviwo ƒe ŋkuɖodzigbalẽ. Esi Mawu wɔ amegbetɔ la ewɔe ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme. Mawu wɔ ŋutsu kple nyɔnu, eye wòyra wo. Eyɔ wo tso gɔmedzedzea be “Ame.” Adam xɔ ƒe alafa ɖeka kple blaetɔ̃ (130) esi wòdzi Set. Ŋutsuvi sia ɖi fofoa ŋutɔ le go ɖe sia ɖe me. Le Set dzidzi megbe la, Adam ganɔ agbe ƒe alafa enyi (800). Egadzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo. Exɔ ƒe alafa asiekɛ kple blaetɔ̃ (930) hafi ku. Set xɔ ƒe alafa ɖeka kple atɔ̃ (105) hafi dzi Enos. Eganɔ agbe ƒe alafa enyi kple adre (807), eye wògadzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo. Exɔ ƒe alafa asiekɛ kple wuieve (912) hafi ku. Esime Enos xɔ ƒe blaasiekɛ la, ezu fofo na Kenan, eye esi wòdzi Kenan megbe la, Enos ganɔ agbe ƒe alafa enyi wuiatɔ̃ (815), eye wodzi ŋutsuvi kple nyɔnuvi bubuwo nɛ. Enos ƒe agbenɔƒewo katã nye ƒe alafa asiekɛ kple atɔ̃ (905), eye wòku. Kenan xɔ ƒe blaadre hafi dzi Via ŋutsuvi Mahalalel. Kenan ganɔ agbe ƒe alafa enyi kple blaene (840) le Mahalalel kple Kenan dzidzi vɔ megbe. Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo bubuwo hã emegbe. Kenan ku esi wòxɔ ƒe alafa asiekɛ kple ewo (910). Mahalalel xɔ ƒe blaade-vɔ-atɔ̃ esi wòdzi Via ŋutsuvi Yared. Esi Mahalalel dzi Yared megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa enyi kple blaetɔ̃ (830). Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo, eye wòku esi wòxɔ ƒe alafa enyi blaasiekɛ-vɔ-atɔ̃ (895). Yared xɔ ƒe alafa ɖeka blaade-vɔ-eve (162) esi wòdzi Via ŋutsuvi Enɔk. Eganɔ agbe ƒe alafa enyi (800). Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo. Yared ku esi wòxɔ ƒe alafa asiekɛ blaade-vɔ-eve (962). Enɔk xɔ ƒe blaade-vɔ-atɔ̃ esi wòdzi Metusela. Eganɔ agbe ƒe alafa etɔ̃ (300), eye wòzɔ nyuie kple Mawu. Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo. Enɔk xɔ ƒe alafa etɔ̃ blaade-vɔ-atɔ̃ (365), eye esi wògazɔ kple Mawu kplikplikpli ta la, ebu vĩi, elabena Mawu kɔe dzoe. Metusela xɔ ƒe alafa ɖeka blaenyi-vɔ-adre (187) hafi dzi Via ŋutsuvi Lamek. Eganɔ agbe ƒe alafa adre blaenyi-vɔ-eve (782). Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo. Metusela ku esi wòxɔ ƒe alafa asiekɛ blaade-vɔ-asiekɛ (969). Lamek xɔ ƒe alafa ɖeka kple blaenyi-vɔ-eve (182) hafi wòdzi Via ŋutsuvi Noa. Lamek na ŋkɔe be Noa si gɔmee nye “Gbɔdzɔe,” elabena egblɔ be, “Ame sia ahe gbɔdzɔe vɛ na mí tso agbledɔ sesẽ si wɔm míele le anyigba si Mawu ƒo fi dee dzi la me.” Lamek ganɔ agbe ƒe alafa atɔ̃ blaasiekɛ-vɔ-atɔ̃ (595) le Noa dzidzi megbe. Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo. Lamek ku esi wòxɔ ƒe alafa adre blaadre-vɔ-adre (777). Noa xɔ ƒe alafa atɔ̃ (500), eye wòdzi ŋutsuvi etɔ̃: Sem, Ham kple Yafet. Amewo ƒe nu vɔ̃ wɔwɔ kple Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ Amewo dzi, eye wosɔ gbɔ ŋutɔ ɖe anyigba dzi. Le ɣeyiɣi sia me la, mawu viwo kpɔ be amegbetɔwo ƒe nyɔnuwo dze tugbe, eye woɖe wo dometɔ siwo nyo wo ŋu la. Tete Yehowa gblɔ be, “Mele be nye Gbɔgbɔ naganɔ amegbetɔwo me tegbee o, elabena amegbetɔwo wɔ nu vɔ̃ le goawo katã me. Woƒe agbemeŋkekewo anye ƒe alafa ɖeka kple blaeve.” Le ɣe ma ɣi me kple emegbe gɔ̃ hã la, esime mawu viwo ɖea amegbetɔwo ƒe nyɔnuwo la, wo viwo zua ame dzɔatsuwo, eye ŋutinya geɖewo nɔ wo ŋu. Esime Yehowa kpɔ ale si gbegbe amegbetɔwo vɔ̃ɖie, eye wòkpɔ be woƒe agbenɔnɔ ɖo ta nu vɔ̃ wɔwɔ ko gbɔ la, evee ŋutɔ be yewɔ amegbetɔ. Nu sia gbã dzi nɛ. Tete Yehowa gblɔ be, “Matsrɔ̃ amegbetɔƒome blibo si mewɔ la ɖa le anyigba dzi. Ɛ̃, matsrɔ̃ lãwo, xewo kple nu gbagbe siwo tana la hã, elabena evem be mewɔ wo.” Ke Yehowa kpɔ ŋudzedze le Noa ŋu. Noa ƒe dzidzimeviwo ŋutinya Noa ƒe ŋutinya yi ale: Noa nye ame dzɔdzɔe kple ame maɖifɔ le ame siwo nɔ anyi le eŋɔli la dome, eye wòzɔ kple Mawu. Ŋutsuvi etɔ̃ nɔ esi: Woawoe nye Sem, Ham kple Yafet. Azɔ la, nu vɔ̃ wɔwɔ ganɔ edzi yim wu tsã le xexea me godoo, eye Mawu kpɔ be nu vlo wɔwɔ na xexea me gblẽ keŋ. Mawu kpɔ ale si xexea me va gblẽe, elabena ame siwo katã nɔ xexea me la ƒe zɔzɔme gblẽ le anyigba dzi. Ale Mawu gblɔ na Noa be, “Mele ameawo katã tsrɔ̃ ge, elabena woƒe nu vlo wɔwɔ xɔ anyigba la dzi. Matsrɔ̃ wo kple anyigba la siaa. Tsɔ dzati kpa aɖakaʋu, eye nàsi aŋɔ nɛ. Wɔ yaxɔƒewo ɖe eŋu kpe ɖo, eye nàwɔ nudzraɖoƒewo ɖe eme ƒe afi sia afi. Na wòadidi mita alafa ɖeka blaene (140), akeke mita blaeve-vɔ-etɔ̃, akɔkɔ mita wuietɔ̃ kple afã. Ɖe fesre mita afã ɖe xɔ gbagbã la te ƒo xlã aɖakaʋu la. Wɔ dzisasã etɔ̃, etetɔ, titinatɔ kple etametɔ ɖe aɖakaʋu la me, eye nàde ʋɔtru ɖeka tɔdziʋu la ƒe axadzi. “Kpɔ ɖa, mana tsi naɖɔ ɖe anyigba la dzi, eye wòatsrɔ̃ nu sia nu si me agbegbɔgbɔ le la. Nu sia nu si le anyigba dzi la atsrɔ̃. “Ke mele nu blam kpli wò be makpɔ tawò le aɖakaʋu la me nànɔ dedie kple srɔ̃wò kple viwò ŋutsuwo kple wo srɔ̃wo. Nàtsɔ nu gbagbe ɖe sia ɖe ƒomevi eveve, atsu kple asi ade aɖakaʋu la me be woanɔ agbe le gbɔwò. Xevi ƒomevi ɖe sia ɖe, eveve, lã ƒomevi ɖe sia ɖe eveve kple nu gbagbe ɖe sia ɖe si tana la eveve ava gbɔwò be nàde wo aɖakaʋu la me. Dzra nuɖuɖu si woawo kple miawo siaa miahiã la ɖo ɖe aɖakaʋu la me.” Eye Noa wɔ nu sia nu abe ale si Mawu ɖoe nɛ ene. Mawu ƒe ɖoɖo na Noa kple tsiɖɔɖɔ la Yehowa gblɔ na Noa be, “Yi aɖakaʋu la me kple wò ƒometɔwo katã, elabena le anyigbadzinɔlawo katã dome la, wò koe nye ame dzɔdzɔe le nye ŋkume. “Kplɔ lãwo hã de eme, atsu kple asi, negbe esiwo metia da ɖi be woaɖu kple esiwo woatsɔ asa vɔe ko. Tsɔ wo dome adre, atsu kple asi, eye nàgatsɔ xevi ɖe sia ɖe ƒe atsu kple asi adre. Ale nu gbagbe ɖe sia ɖe agate ŋu adzi le tsiɖɔɖɔ la megbe. Le kɔsiɖa ɖeka megbe tso egbe sia dzi la, mana tsi nadza ŋkeke blaene kple zã blaene, eye matsrɔ̃ nu gbagbe siwo katã mewɔ ɖe anyigba dzi la.” Ale Noa wɔ nu sia nu si Yehowa di tso esi be wòawɔ la. Noa xɔ ƒe alafa ade esi tsiɖɔɖɔ ɖe anyigba la. Ege ɖe aɖakaʋu la me kple srɔ̃a, via ŋutsuwo kple wo srɔ̃wo be woasi le tsiɖɔɖɔ la nu. Lã ɖuɖua kple lã maɖumaɖua ɖe sia ɖe ƒomevi eveve, xeviwo eveve kple lã siwo katã tana la, atsu kple asi va Noa gbɔ, eye woge ɖe aɖakaʋu la me abe ale si Mawu ɖo na Noa ene. Tsiɖɔɖɔ la dze egɔme Le ŋkeke adre megbe la, tsi dza ɖe anyigba la dzi. Le ɣleti evelia ƒe ŋkeke wuiadrelia gbe le Noa ƒe ƒe alafa ade xɔxɔ me la, anyigba ƒe tumetsi gãwo katã ŋɔ, eye dziƒo nu ʋu gbe ma gbe. Tsi de asi dzadza me sesĩe, eye tsi dzidziwo ŋɔ tso tome va anyigba dzi ŋkeke blaene kple zã blaene. Ke Noa yi aɖakaʋu la me gbe ma gbe kple srɔ̃a kple viawo, Sem, Ham kple Yafet kple wo srɔ̃wo. Lã wɔadã ɖe sia ɖe ƒomevi, aƒemelã ɖe sia ɖe ƒomevi, lã siwo tana ɖe sia ɖe ƒomevi kple xevi siwo dzona ɖe sia ɖe ƒomevi kple esiwo medzona o siaa yi kpli wo. Nuwɔwɔ sia nuwɔwɔ si me agbegbɔgbɔ le la ƒomevi ɖe sia ɖe, atsu kple asi va Noa gbɔ, eye woge ɖe aɖakaʋu la me. Woge ɖe aɖakaʋu la me eveve, atsu kple asi abe ale si Mawu ɖo na wo ene. Tete Yehowa tu ʋɔtru la ɖe wo nu. Tsiɖɔɖɔ la nɔ edzi ŋkeke blaene sɔŋ. Exɔ anyigba dzi, eye wòtsɔ aɖakaʋu la do ɖe dzi. Esi tsi la nɔ ɖɔɖɔm ɖe edzi, eye wònɔ aɖakaʋu la dom ɖe dzi ɣe sia ɣi wu tsã la, aɖakaʋu la nɔ dedie le tsi la dzi. Mlɔeba la, tsi la ɖɔ kɔkɔ gbɔ to kɔkɔwo katã ŋu le lilikpo la te, eye aɖakaʋu la ƒe nɔƒe kɔkɔ mita blaadre-vɔ-eve, alo wu nenema gɔ̃ hã. Nu gbagbe siwo katã nɔ anyigba dzi, xeviwo, aƒemelãwo, gbemelãwo, nu gbagbe siwo katã tana kple amegbetɔƒome blibo la katã tsrɔ̃. Nu sia nu si me agbe nɔ, eye wònɔ anyigba ƒuƒui dzi tsã la tsrɔ̃. Anyigbadzinu gbagbewo katã, amegbetɔwo kple lãwo siaa, nu gbagbe siwo tana kple xeviwo katã ƒe agbe nu tso. Mawu tsrɔ̃ wo katã, negbe Noa kple ame siwo nɔ egbɔ le aɖakaʋu la me kple nu bubu siwo nɔ wo gbɔ le aɖakaʋu la me ko tsi agbe. Tsiɖɔɖɔ la nɔ anyigba dzi ŋkeke alafa ɖeka blaatɔ̃. Tsiɖɔɖɔ wu enu Mawu meŋlɔ Noa kple lã siwo katã nɔ aɖakaʋu la me be o. Ena ya aɖe ƒo to tsi la dzi, eye tsiɖɔɖɔ la de asi miemie me, elabena tsi si ŋɔ tso tome la nu tso, eye tsidzadza la ke. Tsi la de asi miemie me vivivi le anyigba dzi. Le ŋkeke alafa ɖeka blaatɔ̃lia ƒe nuwuwu la, tsi la mie keŋ, eye le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke wuiadrelia gbe la, aɖakaʋu la va tɔ ɖe Ararat toawo tame. Le ɣleti ewolia ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe, esime tsiɖɔɖɔ la ganɔ miemiem ɖe edzi kokoko la, to bubuwo hã tame de asi dzedze me. Le ŋkeke blaene bubu megbe la, Noa ʋu aɖakaʋu la ƒe fesre ɖeka, eye wòɖe asi le akpaviã ɖeka ŋu. Akpaviã la dzo tso afii yi afi mɛ va se ɖe esime anyigba ƒu. Noa ɖo ahɔnɛ aɖe ɖa be ate ŋu akpɔ anyigba ƒuƒui mahã. Ke ahɔnɛ la mekpɔ anyigba ƒuƒui aɖeke, afi si wòadze ɖo o, ale wòtrɔ gbɔ, elabena tsi ganɔ anyigba dzi ko. Ale Noa do asi ɖa, eye wòlé ahɔnɛ la gade aɖakaʋu la me. Le ŋkeke adre megbe la, Noa gaɖe asi le ahɔnɛ la ŋu. Azɔ la, ahɔnɛ la trɔ gbɔ le fiẽ me, eye wòlé amitiŋgba ɖe nu. Ale Noa dze sii be esusɔ vie tsi la namie keŋkeŋ. Egaɖe asi le ahɔnɛ la ŋu le kɔsiɖa ɖeka megbe, eye ahɔnɛ la megatrɔ gbɔ o. Ŋkeke blaeve-vɔ-asiekɛ va yi. Noa ʋu aɖakaʋu la, eye wòkpɔ be tsi la mie keŋkeŋ azɔ. Kɔsiɖa enyi gava yi. Anyigba ƒu azɔ mlɔeba. Tete Mawu gblɔ na Noa be, “Wò kple srɔ̃wò kple viwò ŋutsuawo kple wo srɔ̃wo mido le aɖakaʋu la me. Ɖe nu gbagbe bubu ɖe sia ɖe si le gbɔwò: xeviawo, lãawo kple nu gbagbe siwo tana la katã do go le aɖakaʋu la me, ale be woagate ŋu adzi asɔ gbɔ ɖe anyigba la dzi.” Ale Noa do go kple srɔ̃a kple via ŋutsuawo kple wo srɔ̃awo. Lãawo katã kple nu gbagbe siwo tana kple xevi ɖe sia ɖe kple nu sia nu si ʋãna le anyigba dzi la do go tso aɖakaʋu la me ɖe wo nɔewo yome hamehame. Yehowa ƒe nubabla kple Noa Esia megbe la, Noa ɖi vɔsamlekpui, eye wòsa vɔ le edzi na Yehowa kple lã kple xevi siwo dzi Yehowa da asi ɖo hena vɔsasa la dometɔ aɖewo. Yehowa kpɔ ŋudzedze le vɔsa la ŋu, eye wògblɔ na eɖokui be, “Nyemagaƒo fi ade anyigba o, eye nyemagatsrɔ̃ nu gbagbewo katã le edzi azɔ o, togbɔ be amegbetɔ ƒe dzɔdzɔme henɛ dea nu vɔ̃ me tso keke eƒe ɖevime ke, eye wòwɔa nu vɔ̃wo tsyo ƒomevi gɔ̃ hã. Zi ale si anyigba aganɔ anyi ko la, nuƒãɣi kple nuŋeɣi, vuvɔŋɔli kple fifiawɔɣi, pepime kple dzomeŋɔli, ŋkeke kple zã aganɔ anyi kokoko.” Mawu bla nu kple Noa Mawu yra Noa kple viawo, eye wògblɔ na wo be, “Midzi ne miasɔ gbɔ ayɔ anyigba blibo la dzi.” Vɔvɔ̃ aɖo anyigbadzilãwo katã kple dziƒoxevi ɖe sia ɖe kple lã ɖe sia ɖe si tana kple ƒumelãwo katã ɖe mia ŋu, eye metsɔ wo de asi na mi. Nu sia nu si le agbe, eye woʋãna la anye nuɖuɖu na mi. Abe ale si metsɔ amagbewo na mi kpɔ ene la, nenema ke mele nu sia nu tsɔm le asi dem na mi fifia. “Ke mele be miaɖu lã si me ʋu metsyɔ le la o. Mabia akɔnta mi tso ʋu si le mia me la ŋu. Mabia akɔnta tso lã sia lã ŋu, eye mabia akɔnta ame sia ame hã tso nɔvia ƒe agbe ŋu. “Ame sia ame si akɔ ame ƒe ʋu ɖi la, ame akɔ eya hã ƒe ʋu ɖi, elabena Mawu ƒe nɔnɔme me Mawu wɔe ɖo. Ɛ̃, midzi ne miasɔ gbɔ fũu, mikpe xexe blibo la me ɖo, eye miaɖu edzi.” Mawu gblɔ na Noa kple via ŋutsuwo be, “Azɔ la, mebla nu kple wò kple wò dzidzimeviwo kpakple nu gbagbe ɖe sia ɖe si nɔ gbɔwò, xeviawo, aƒemelãawo, lã wɔadãawo katã, nu sia nu si do go tso aɖakaʋu la me kple wò, nu gbagbe ɖe sia ɖe si le anyigba dzi. Mebla nu kpli wò. Tsiɖɔɖɔ magatsi agbe nu na nu gbagbewo azɔ o. Tsi magaɖɔ, agatsrɔ̃ anyigba akpɔ o. Metsɔ dzesi sia tre nubabla sia nu: Metsɔ nye anyieʋɔ de lilikpowo me abe nye nubabla ƒe dzesi na wò kple anyigbadzitɔwo katã ene va se ɖe xexea me ƒe nuwuwu. Ne mena lilikpowo tsyɔ anyigba dzi la, woakpɔ anyieʋɔ le lilikpoawo me, ekema maɖo ŋku nye nubabla kpli wò kple nu gbagbe ɖe sia ɖe dzi be tsiɖɔɖɔ magava atsrɔ̃ nu gbagbewo azɔ o. Ɣe sia ɣi si anyieʋɔ ado ɖe lilikpo me la, makpɔe, eye maɖo ŋku nubabla mavɔ si le Mawu kple nu gbagbe ɖe sia ɖe si le anyigba dzi dome la dzi.” Eye Mawu gblɔ na Noa be, “Esiae nye nubabla si mewɔ kple nu gbagbe siwo katã le xexea me la ƒe dzesi.” Noa ƒe vi etɔ̃awo ƒe ŋkɔwoe nye Sem, Ham kple Yafet. (Ham nye Kanaantɔwo fofo.) Amegbetɔƒome blibo la do tso Noa ƒe viŋutsu etɔ̃ siawo me. Noa, ame si nye agbledela la de waingble. Esi wòno wain la ƒe ɖe la, emu aha, eye wòɖe amama mlɔ anyi ɖe eƒe agbadɔ me. Ham, ame si nye Kanaantɔwo fofo la kpɔ fofoa ƒe amame, eye wòyi ɖagblɔe na nɔvia eveawo. Ale Sem kple Yafet lé avɔ aɖe ɖe abɔta, trɔ kɔ ɖe adzɔge, zɔ megbemegbe yi avɔgbadɔ la me, eye wotsɔ avɔ la tsyɔ na wo fofo. Esime Noa ƒe ŋkume kɔ, eye wòse nu si Via ŋutsu suetɔ wɔ ɖe eŋu la, egblɔ be, “Woaƒo fi ade Kanaan; ànye kluvi gblɔetɔ na nɔviwòwo.” Eyi edzi be, “Woayra Yehowa, Sem ƒe Mawu. Kanaan nazu kluvi na Sem. Mawu nekeke Yafet ƒe anyigba ɖe edzi. Yafet nanɔ Sem ƒe agbadɔwo me, eye Kanaan nanye eƒe kluvi.” Noa ganɔ agbe ƒe alafa etɔ̃ blaatɔ̃ (350) le tsiɖɔɖɔ megbe. Exɔ ƒe alafa asiekɛ blaatɔ̃ (950) hafi ku. Noa ƒe dzidzimeviwo Noa ƒe viwo, Sem, Ham kple Yafet dzi viŋutsuwo le tsiɖɔɖɔ la megbe. Woƒe dzidzimeviwo yi ale: Yafet ƒe viwoe nye: Gomer, Magog, Madai, Yavan, Tubal, Mesek kple Tiras. Gomer ƒe viŋutsuwoe nye: Askenaz, Rifat kple Togarma. Yavan ƒe viŋutsuwoe nye: Elisa, Tarsis, Kititɔwo kple Dodanitɔwo. (Woƒe dzidzimeviwo va zu ƒutadukɔwo le anyigba vovovowo dzi, eye woƒe gbegbɔgblɔwo to vovo tso wo nɔewo gbɔ.) Ham ƒe viŋutsuwoe nye: Kus, Egipte, Put kple Kanaan. Kus ƒe viŋutsuwoe nye: Seba, Havila, Sabta, Raama kple Sabteka. Raama ƒe viŋutsuwoe nye: Seba kple Dedan. Kus ƒe dzidzimevie nye Nimrɔd, ame si va zu kalẽtɔ gã aɖe le anyigba la dzi. Enye adela xɔŋkɔ aɖe si Yehowa yra, eye ame geɖewo kafunɛ. Amewo ɖia ɖase tso ame bubuwo ŋu be wole “abe Nimrɔd, adela xɔŋkɔ si Yehowa yra la ene.” Eɖu Babel, Erek, Akad kple Kalne si nɔ Sinarnyigba la dzi gbã. Tso anyigba ma dzi la, eyi Asiria, afi si wòtu Ninive, Rehobot Ir, Kala kple Resen ɖo; Resen le Ninive kple Kala dome, eye eyae nye du gã la. Ame siwo nye Egipte ƒe dzidzimeviwo lae nye: Ludimtɔwo, Anamimtɔwo, Lehabitɔwo, Naftuhitɔwo, Patrusitɔwo, Kasluhitɔwo (ame siwo me Filistitɔwo dzɔ tso) kple Kaftoritɔwo. Kanaan ƒe viwo dometɔ aɖewoe nye: Sidon, ame si nye eƒe ŋgɔgbevi kple Het. Kanaan ƒe dzidzimeviwoe nye: Yebusitɔwo, Amoritɔwo, Girgasitɔwo, Hivitɔwo, Arkitɔwo, Sinitɔwo, Arvaditɔwo, Zemaritɔwo kple Hamatitɔwo. (Kanaan ƒe dzidzimeviwo kaka tso Sidon yi Gerar va Gaza, Sodom, Gomora, Adma kple Zeboyim va se ɖe Lasa.) Ame siawoe nye Ham ƒe dzidzimeviwo. Wonɔ anyigba geɖewo dzi, eye wonye dukɔ geɖewo. Gbegbɔgblɔ vovovowo nɔ wo si. Sem, ame si nye Yafet nɔvi tsitsitɔ ƒe vie nye Eber. Sem ƒe dzidzimeviwoe nye: Elam, Asur, Arfaxad, Lud kple Aram. Aram ƒe dzizimeviwoe nye: Uz, Hul, Geter kple Mas. Arfaxad ƒe vie nye Sela, ame si dzi Eber. Vi eve nɔ Eber si: woawoe nye Peleg kple Yoktan. Peleg gɔmee nye “Memama,” elabena eƒe agbenɔɣi mee woma anyigba na gbe vovovoawo gblɔlawo. Yoktan ƒe viwoe nye: Almodad, Selef, Hazarmavet, Yera, Hadoram, Uzal, Dikla, Obal, Abimael, Seba, Ofir, Havila kple Yobab. Ame siawo katã nye Yoktan ƒe viŋutsuwo. (Yoktan ƒe dzidzimevi siawo nɔ teƒe si tso Mesa va do ɖe Sefar ƒe ɣetoɖoƒewo gbɔ.) Ame siawoe nye Sem ƒe dzidzimeviwo. Woɖo wo ɖe woƒe dukɔwo, gbegbɔgblɔwo kple woƒe nɔƒewo nu. Ame siwo katã woyɔ va yi la nye Noa ƒe dzidzimeviwo, to dzidzime geɖewo me, eye wonɔ dukɔ vovovo siwo dzɔ le tsiɖɔɖɔ megbe la me. Mɔtutu le Babel Le ɣe ma ɣi me la, amegbetɔƒome blibo la doa gbe ɖeka ko. Esi amewo de asi agbɔsɔsɔ ɖe edzi me la, woɖo ta ɣedzeƒe lɔƒo, eye woke ɖe anyigba aɖe si sɔ la ŋu le Sinar. Eteƒe medidi kura hafi amewo sɔ gbɔ ɖe afi sia o. Wogblɔ na wo nɔewo be, “Miva, mina míame anyikpewo, míaƒo dzo wo nyuie.” Wowɔ anyikpe ŋu dɔ ɖe kpe ŋutɔ teƒe kple aŋɔ yibɔ ɖe anyi teƒe. Woyi edzi gblɔ be, “Miva, mina míatso du na mía ɖokui, eye míawɔ gbetakpɔxɔ kɔkɔ aɖe wòayi aɖatɔ dziƒo, be míaƒe ŋkɔ nade du ne míagakaka ɖe anyigba katã dzi o.” Ke esi Yehowa va kpɔ dua kple mɔ si tum amegbetɔviwo nɔ la, egblɔ be, “Ne woate ŋu awɔ nu siawo katã fifia, esi wònye azɔ koe wodze sii be gbe ɖeka gblɔm yewole, eye dukɔ ɖeka yewonye la, mibu nu si woava wɔ emegbe la ŋu kpɔ! Naneke meli si woado kpo wɔwɔ o. Mina míaɖi ayi anyigba dzi, eye míatɔtɔ woƒe gbe ale be womagase wo nɔewo gɔme o!” Ale Yehowa ka wo katã hlẽ ɖe anyigba blibo la dzi. Ale du la tsotso nu tso. Eya ta wona ŋkɔ du ma be Babel si gɔmee nye, “Tɔtɔ,” elabena afi ma Yehowa tɔtɔ gbe na amewo le, eye wokaka ɖe afi sia afi le anyigba blibo la dzi. Tso Sem dzi va se ɖe Abram dzi Esiae nye Sem ƒe ŋutinya. eve le tsiɖɔɖɔ megbe, esime Sem xɔ ƒe alafa ɖeka la, edzi Arfaxad. Esi wòdzi Arfaxad megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa atɔ̃ (500), eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo. Esi Arfaxad xɔ ƒe blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ la, edzi Sela. Eye esi wòdzi Sela megbe la, Arfaxad ganɔ agbe ƒe alafa ene kple etɔ̃ (403), eye wòdzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo. Esi Sela xɔ ƒe blaetɔ̃ la, edzi Eber, eye esi wòdzi Eber megbe la, Sela ganɔ agbe ƒe alafa ene kple etɔ̃ (403), eye wòdzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo. Esi Eber xɔ ƒe blaetɔ̃-vɔ-ene la, edzi Peleg. Esi wòdzi Peleg la, Eber ganɔ agbe ƒe alafa ene blaetɔ̃ (430), eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo. Esi Peleg xɔ ƒe blaetɔ̃ la, edzi Reu. Eye esi wòdzi Reu la, Peleg ganɔ agbe ƒe alafa eve kple asiekɛ (209), eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo. Esi Reu xɔ ƒe blaetɔ̃-vɔ-eve la, edzi Serug. Eye esi wòdzi Serug la, Reu ganɔ agbe ƒe alafa eve kple adre (207), eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo. Esi Serug xɔ ƒe blaetɔ̃ la, edzi Nahor. Eye esi wòdzi Nahor megbe la, Serug ganɔ agbe ƒe alafa eve (200), eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo. Esi Nahor xɔ ƒe blaeve-vɔ-asiekɛ la, edzi Tera. Eye esi wòdzi Tera la, Nahor ganɔ agbe ƒe alafa ɖeka kple wuiasiekɛ (119), eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo. Esi Tera xɔ ƒe blaadre la, edzi Abram, Nahor kple Haran. Abraham ƒe dzidzimeviwo Tera ƒe dzidzimeviwo ŋutinya enye si. Tera dzi Abram, Nahor kple Haran; eye Haran dzi Lot. Ke Haran ku kaba le anyigba si dzi wodzii ɖo la dzi si nye Ur le Kaldea le esime fofoa Tera ganɔ agbe ko. Abram ɖe fofoa ƒe vi Sarai le esime nɔvia Nahor ɖe Haran si ku la ƒe vi, Milka. Nɔviŋutsu si nɔ Milka sie nye Yiska. Ke Sarai medzi vi aɖeke o. Tera kplɔ via Abram, eƒe tɔgbuiyɔvi Lot, ame si nye Haran ƒe vi la kple via Abram srɔ̃, Sarai, eye wodzo le Ur le Kaldea be yewoayi Kanaanyigba dzi. Ke wotɔ, eye wotso kɔƒe ɖe Haran. Tera ku le Haran esi wòxɔ ƒe alafa eve kple atɔ̃ (205). Mawu yɔ Abram Le Abram fofo ƒe ku megbe la, Yehowa gblɔ na Abram be, “Ʋu le mia de, gblẽ wò ƒometɔwo ɖi, eye nàyi anyigba si mafia wò la dzi. Ne èwɔ esia la, mana nàzu dukɔ gã aɖe fofo. Mayra wò, eye mana nàxɔ ŋkɔ. Gawu la, àhe yayra vɛ na ame geɖewo. Mayra ame siwo ayra wò la, eye maƒo fi ade ame sia ame si aƒo fi ade wò la. Woayra xexea me blibo la ɖe tawò.” Ale Abram ʋu le wo de abe ale si Yehowa gblɔ nɛ ene. Ekplɔ Lot ɖe asi. Ɣe ma ɣi la, Abram xɔ ƒe blaadre-vɔ-atɔ̃ esi wòdzo le Haran. Ekplɔ srɔ̃a, Sarai kple eƒe tɔgãyɔvi Lot ɖe asi, eye wòtsɔ kesinɔnu siwo katã wòkpɔ le Haran, nyiwo kple kluviwo siaa dzoe heyi Kanaan. Esime wonɔ mɔ zɔm to Kanaanyigba dzi la, woɖo teƒe aɖe le Sikem gbɔ. Wotɔ ɖe ati gã aɖe te le More. Kanaantɔwo nɔ anyigba la dzi ɣe ma ɣi. Yehowa ɖe eɖokui fia Abram, eye wògblɔ be, “Matsɔ anyigba sia ana wò dzidzimeviwo.” Abram ɖi vɔsamlekpui aɖe ɖe afi ma hena ŋkuɖoɖo ale si Yehowa ɖe eɖokui fiae le afi ma la dzi. Le esia megbe la, Abram dzo le afi sia, eye wòɖo ta anyigbeme lɔƒo, heyi tonyigba si le Betel le ɣetoɖoƒe kple Ai le ɣedzeƒe la dome. Etu agbadɔ kple vɔsamlekpui ɖe afi sia, eye wòdo gbe ɖa na Yehowa. Ale wòyi mɔzɔzɔ dzi ɖɔɖɔɖɔ henɔ anyigbeme yim, henɔ tɔtɔm ɖe teƒewo ɖo ta Negeb. Dɔwuame sesẽ aɖe nɔ anyigba la dzi ɣe ma ɣi, ale Abram yi be yeanɔ Egipte. Ke esi wògogo Egipte la, egblɔ na Sarai be wòagblɔ na ame sia ame be ye nɔvinyɔnue yenye! “Èdze tugbe ŋutɔ. Ne Egiptetɔwo kpɔ wò la, woagblɔ be, ‘Srɔ̃ae nye nyɔnu sia, mina míawu ŋutsu la ekema míaxɔ nyɔnu la aɖe!’ Ke ne ègblɔ be nɔvinyee yenye la, Egiptetɔwo axɔm nyuie le tawò, eye womawum o!” Le nyateƒe me esi woɖo Egipte la, ame sia ame ɖi ɖase le eƒe tugbedzedze ŋu. Esi fia ƒe subɔlawo kpɔe la, wokafu eƒe tugbedzedze na Fia Farao, eye wokplɔe yi ɖe Farao ƒe aƒe me. Farao tsɔ nunana geɖewo, alẽwo, nyiwo, tedziwo, kluviwo, kosiwo kple kposɔwo na Abram ɖe srɔ̃a Sarai ta. Ke Yehowa na dɔvɔ̃ sesẽ aɖe va ge ɖe Farao ƒe aƒe me le Abram srɔ̃ Sarai ƒe aƒea me nɔnɔ ta. Ale Farao yɔ Abram va eɖokui gbɔ, eye wòka mo nɛ gblɔ be, “Nu kae nye esi nèwɔ ɖe ŋunye? Nu ka ta mègblɔ nam be ye srɔ̃e o ɖo? Nu ka ta nèɖe mɔ nam be maɖee, eye nègblɔ nam be ye nɔvie ɖo? Kpɔ ɖa, kplɔ srɔ̃wò dzoe le afi sia enumake!” Ale Farao nya wo, eye wòna asrafowo dzɔ Abram, srɔ̃a kple woƒe amewo kple woƒe kesinɔnuwo katã ŋu va se ɖe esime wodo go le eƒe anyigba dzi. Abram kple Lot klã mɔ Ale Abram ʋu le Egipte kple srɔ̃a kpakple Lot kpe ɖe nu siwo katã nɔ wo si la ŋu, eye wozɔ mɔ to Egipte ƒe dzigbeme yi Negeb. Abram nye kesinɔtɔ gã aɖe: lãwo, klosalo kple sika nɔ esi fũu. Tso Negeb gbegbe la, etso teƒe yi teƒe va se ɖe esime wòva ɖo Betel, teƒe si le Betel kple Ai dome, afi si wòtu agbadɔ ɖo kpɔ kple afi si wòɖi vɔsamlekpui ɖo kpɔ la. Afi ma Abram yɔ Yehowa ƒe ŋkɔ le. Lot ame si hã dze Abram yome la nye kesinɔtɔ gã aɖe: alẽwo, nyiwo kple subɔlawo bɔ ɖe esi. Ke anyigba la melolo na Abram kple Lot ƒe nyiwo kple alẽwo o: lãawo sɔ gbɔ fũu wu lãnyiƒe la. Ale dzre dzɔna ɖe Abram kple Lot ƒe lãkplɔlawo dome enuenu togbɔ be Kanaantɔwo kple Perizitɔwo nɔ anyigba la dzi, eye woate ŋu aho aʋa ɖe Abram kple Lot ŋu gɔ̃ hã hafi. Le esia ta Abram gblɔ na Lot be, “Ele be dzre si dzɔna enuenu ɖe míaƒe amewo dome la nu natso. Mele be memama nanɔ míaƒe ƒomewo dome o. Ele be ɖekawɔwɔ nanɔ mí ame siwo nye ƒometɔwo la dome boŋ. Tia anyigba la ƒe akpa si dze ŋuwò la, eye míaklã mɔ. Ne ètia ɣedzeƒe lɔƒo la, ekema manɔ afi sia si nye ɣetoɖoƒe gome. Alo ne ètia ɣetoɖoƒe lɔƒo la, ekema mayi ɣedzeƒe lɔƒo.” Lot lé ŋku ɖe gbadzaƒe si le Yɔdan tɔsisi la gbɔ la ŋu; tsi bɔ ɖe afi ma. Nya sia dzɔ do ŋgɔ na Yehowa ƒe Sodom kple Gomora tsɔtsrɔ̃. Teƒe la ɖi Edenbɔ la kple anyigba nyui si ƒo xlã Zoar le Egipte. Ale Lot tia Yɔdan ƒe balime heɖo ta ɣedzeƒe lɔƒo. Eʋu yi afi ma kple eƒe lãwo kple eƒe subɔlawo, ale eya kple Abram klã mɔ. Abram tsi Kanaanyigba la dzi esime Lot nɔ du gã siwo nɔ gbadzaƒe la dome; etso nɔƒe ɖe teƒe aɖe si te ɖe Sodom ŋu la. Ame siwo nɔ Sodom la nye ame vɔ̃ɖiwo, eye wowɔ nu vɔ̃ geɖewo ɖe Yehowa ŋu. Le Lot ƒe ʋuʋu megbe la, Yehowa gblɔ na Abram be, “Nye kɔ nàkpɔ didiƒe, tso anyiehe yi dziehe, tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe, afi si nàte ŋu akpɔ aƒo xlã ɖokuiwò, elabena matsɔ afi sia katã ana wò kple wò dzidzimeviwo. Mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe ʋuʋudedi ene, ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo o! Ɖi tsa le anyigba yeye si mele nawòm la ƒe afi sia afi, eye nàlé ŋku ɖe nuwo ŋu.” Ale Abram ho eƒe agbadɔ, eye wòyi ati gã siwo le Mamre la gbɔ, teƒe si te ɖe Hebron ŋu, eye wòɖi vɔsamlekpui na Yehowa ɖe afi ma. Abram ɖe Lot ƒe agbe Azɔ la, aʋa dzɔ le anyigba la dzi. Amrafel, Sinar fia, Ariok, Elasar fia, Kedolaoma, Elam fia kple Tidal, Goyim fia, ho aʋa ɖe Bera, Sodom fia, Birsa, Gomora fia, Sinab, Adma fia, Semeber, Zeboyim fia kple Bela fia (si woyɔna be Zoar la) ŋu. Fia siwo tso Sodom, Gomora, Adma, Seboyim kple Bela la na woƒe aʋakɔwo ƒu asaɖa anyi ɖe Sidom balime si nye (Dzeƒu la ƒe balime.) Wonye Fia Kedolaoma teviwo ƒe wuieve sɔŋ, ke wotso ɖe fia sia ŋu le ƒe wuietɔ̃lia me. Le ƒe wuienelia me la, Kedolaoma kple fia siwo kpe ɖe eŋu la yi ɖasi Refaimtɔwo le Asterot, Karnaimtɔwo kple Zuzitɔwo le Ham, Emitɔwo le Save Kiriataim kple Horitɔwo le Seir ƒe tonyigba dzi heyi keke El Paran, afi si te ɖe gbegbe la ŋu. Wotrɔ azɔ yi En Misfat (afi si woyɔna egbegbe be Kades la), eye woɖu Amalekitɔwo kple Amoritɔwo, ame siwo nɔ Hazazon Tamar la dzi. Tete fia siwo tso Sodom, Gomora, Adma, Zeboyim kple Bela (si nye Zoar) la yi ɖaƒu asaɖa anyi ɖe Sidim Balime, ɖe Kedolaoma, Elam fia, Tidal, Goyim fia, Amrafel, Sinar fia kple Ariok, Elasar fia ŋu. Fia ene kpe aʋa kple fia atɔ̃. Ke aŋɔʋe geɖewo nɔ teƒe ma, eye esi Sodom kple Gomora fiawo si yina la, wo dometɔ aɖewo ge dze aŋɔʋeawo me. Ame mamlɛawo si yi toawo dzi. Dziɖulawo ha Sodom kple Gomora ƒe kesinɔnuwo kple nuɖuɖuwo katã heɖo ta aƒe kpli wo. Wolé Lot, ame si nye Abram ƒe tɔgãyɔvi si nɔ Sodom la, eye wokplɔe dzoe kple eƒe kesinɔnuwo katã. Ame siwo si la dometɔ ɖeka va ka nya la ta na Abram, Hebritɔ la, esime wònɔ asaɖa me le Mamre si nye Amoritɔ la ƒe ati gãwo te. Mamre nye Eskol kple Aner, ame siwo nɔ Abram dzi la nɔvi. Esi Abram se be woɖe aboyo Lot la, eƒo ƒu ame alafa etɔ̃ kple wuienyi (318) siwo nye aʋawɔlawo la tso eƒe aƒe me, eye wòkplɔ aʋakɔ la ɖo va se ɖe Dan. Wodze aʋakɔ la dzi le zã ma me, eye wonya wo va se ɖe Hoba le Damasko ƒe anyiehe lɔƒo. Abram xɔ futɔwo ƒe kesinɔnuwo, Lot kple eƒe kesinɔnuwo hekpe ɖe Lot ƒe nyɔnuwo kple ame bubu siwo katã wolé le aʋa la me la ŋu le futɔwo si. Esi Abram trɔ gbɔna tso aʋa si wòho ɖe Kedolaoma kple fia bubuawo ŋu le Save balime (si wogayɔna be Fia ƒe Balime) la, Sodom fia va kpee, eye Salem fia Melkizedek, ame si nye Mawu, Dziƒoʋĩtɔ la ƒe nunɔla la tsɔ abolo kple wain vɛ nɛ, eye wòyra Abram gblɔ be, “Mawu Dziƒoʋĩtɔ, dziƒo kple anyigba wɔla nayra Abram, eye woakafu Mawu Dziƒoʋĩtɔ la, ame si tsɔ wò futɔwo de asi na wò la.” Tete Abraham tsɔ nuawo katã ƒe ewolia nɛ. Sodom fia gblɔ na Abram be, “Ɖe asi le nye ame siwo nèlé la ko ŋu nam, eye nàtsɔ kesinɔnu siwo nèha tso nye du me la faa.” Abram ɖo eŋu nɛ be, “Mele adzɔgbe ɖem na Yehowa, Mawu Dziƒoʋĩtɔ, ame si wɔ dziƒo kple anyigba la be nyemaxɔ ɖetika ɖeka gɔ̃ hã le asiwò o, ne menye nenema o la, àva gblɔ be, ‘Abram zu kesinɔtɔ le nu si menae la ta.’ Nu si maxɔ koe anye nu si ɖekakpui siawo ɖu. Ke tsɔ kesinɔnuawo ƒe akpa aɖe na Aner, Eskol kple Mamre, ame siwo kpe ɖe ŋunye le aʋa la wɔwɔ me.” Mawu do viŋutsu ŋugbe na Abram Le nya siawo megbe la, Yehowa ƒo nu na Abram le ŋutega me gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o, Abram, elabena nyee nye wò akpoxɔnu, maʋli tawò, eye makɔ yayra geɖewo ɖe dziwò.” Ke Abram gblɔ be, “O, Aƒetɔ Yehowa, nu ka nàte ŋu anam esi vi mele asinye o, eye ame si anyi nye domee nye Eliezer tso Damasko?” Eye Abram gblɔ be, “Mèna vi aɖekem o, eya ta nye subɔlae anyi nye dome.” Yehowa gblɔ nɛ be, “Ao, ame bubu aɖeke manyi wò dome o, elabena àdzi ŋutsuvi, ame si anyi wò dome.” Yehowa kplɔ Abram va xexe le ɣletiɖiɖi nu, eye wògblɔ nɛ be, “Kpɔ dziƒo ɖa, eye nàxlẽ ɣletiviawo, ne àte ŋu axlẽ wo ko. Nenema tututue wò dzidzimeviwo anɔ; ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo o!” Abram xɔ Yehowa dzi se, eye Yehowa bui dzɔdzɔenyenye nɛ. Eye wògblɔ nɛ be, “Nyee nye Yehowa, ame si kplɔ wò tso Ur le Kaldea be matsɔ anyigba sia ana wò tegbetegbe.” Ke Abram biae be, “O, Aƒetɔ Yehowa, aleke mawɔ aka ɖe edzi be àtsɔe nam?” Eɖo eŋu nɛ gblɔ be, “Tsɔ nyinɔ si xɔ ƒe etɔ̃, gbɔ̃nɔ si xɔ ƒe etɔ̃, agbo si xɔ ƒe etɔ̃, akpakpa kple ahɔnɛ siwo metsi o la vɛ.” Abram tsɔ lãawo kple xeawo vɛ nɛ. Efe lãawo me ɖe akpa eve, eye wòtsɔ lãawo ƒe afãwo ɖo ɖe wo nɔewo ŋu le fli ene me, gake mefe xeviawo yame o. Esi akagawo va lãawo ɖu ge la, Abram nya wo. Esi ɣe nɔ to ɖom la, Abram dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi, eye wòkpɔ ŋutega dziŋɔ aɖe. Le ŋutega me la, Yehowa gblɔ nɛ be, “Medi be nànyae kɔtɛe be, woate wò dzidzimeviwo ɖe to abe amedzroviwo ene eye woasubɔ ame mawo le dzronyigba dzi ƒe alafa ene sɔŋ. Ke mahe to na dukɔ ma si awɔ wo kluviwoe. Emegbe la, woado le dukɔ ma te kple kesinɔnu geɖewo. Wò la, àku le ŋutifafa me, ne ètsi xɔ ƒe geɖe. Le dzidzime ene megbe la, wò dzidzimeviwo agbɔ ava anyigba sia dzi, elabena ɣe ma ɣi koe Amoritɔwo, ame siwo le anyigba sia dzi fifia la ƒe nu vɔ̃wo asɔ gbɔ na tohehe.” Esi ɣe ɖo to, eye viviti do la, Abram kpɔ ze aɖe si me dzudzɔ nɔ dodom tso kɔlikɔli kple akakati aɖe si nɔ lã kuku fefeawo dome tom. Ale Yehowa wɔ nubabla sia kple Abram gbe ma gbe gblɔ be, “Metsɔ anyigba sia si le Egipte tɔsisi la kple Frat tɔsisi gã la dome la na wò dzidzimeviwo. Metsɔ dukɔ siawo hã na wò: Kenitɔwo, Kenizitɔwo, Kadmonitɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo, Refaimtɔwo, Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Girgasitɔwo kple Yebusitɔwo.” Hagai zu Abram srɔ̃ evelia Vi aɖeke menɔ Sarai kple Abram si o. Ke Egipte nyɔnudɔla aɖe nɔ Sarai si. Eŋkɔe nye Hagar. Ale Sarai gblɔ na Abram be, “Yehowa te vim. Yi nàdɔ nye kosi gbɔ, ɖewohĩ mado ƒome to edzi.” Abram lɔ̃ ɖe nya si Sarai gblɔ la dzi. Ale esi Abram nɔ Kanaan ƒe ewo megbe la, srɔ̃a, Sarai, tsɔ eƒe Egipte kosi, Hagar na srɔ̃ŋutsua be wòanye srɔ̃a. Ale Abram dɔ Hagar gbɔ, eye wòfɔ fu. Esi Hagar kpɔ be yefɔ fu la, dadagbɔgbɔ aɖe va ɖo eme, eye megabua eƒe aƒenɔ Sarai o. Le esia ta Sarai gblɔ na Abram be, “Wò vodadae na be nye kosi la doa vlom, togbɔ be nye ŋutɔe tsɔe na wò hã. Yehowa nadrɔ̃ ʋɔnu le nye kpli wò dome.” Abram ɖo eŋu be, “Meɖe mɔ na wò be nàhe to na kosi la ale si nèbu be edze.” Ale Sarai wɔ funyafunya Hagar ale gbegbe be wòsi dzo. Yehowa ƒe dɔla aɖe kpɔe wòtsi tsitre ɖe vudo aɖe to le Sur mɔ dzi. Ale wòbiae be, “Hagar, Sarai ƒe kosi, afi ka nètso, eye afi ka yim nèle?” Hagar ɖo eŋu be, “Sisim mele le nye aƒenɔ nu.” Yehowa ƒe dɔla la yi edzi gblɔ nɛ be, “Trɔ nàyi wò aƒenɔ gbɔ, eye nàbɔbɔ ɖokuiwò nɛ, elabena mana dukɔ gã aɖe nado tso mewò. Fifia, èfɔ fu; àdzi ŋutsuvi. Na ŋkɔe be Ismael, si gɔmee nye, ‘Mawu see,’ elabena Yehowa se wò konyifafa. Viwò sia anye vi dzeaglã aɖe, eye wòawɔ nu glalaglalã abe tedzi dzeaglã ene! Atsi tsitre ɖe ame sia ame ŋu, eye nenema ke ame sia ame hã atsi tsitre ɖe eŋu. Ke hã la, anɔ teƒe ɖeka kple nɔvia bubuawo.” Hagar bia eɖokui be, “Ɖe mekpɔ Mawu ŋkume kple ŋkume hafi gale agbe be maƒo nu tso eŋua?” Eya ta eyɔ Yehowa ame si ƒo nu kpli la be, “Mawu si kpɔa nu.” Emegbe la, wona ŋkɔ vudo ma be Beer Lahai Roi si gɔmee nye, “Ame si le agbe, eye wòkpɔm la ƒe vudo.” Ele Kades kple Bered dome. Hagar dzi ŋutsuvi na Abram, eye Abram na ŋkɔe be Ismael. Abram xɔ ƒe blaenyi-vɔ-ade esi Hagar dzi Ismael nɛ. Mawu trɔ ŋkɔ na Abram Esi Abram xɔ ƒe blaasiekɛ-vɔ-asiekɛ la, Yehowa ɖe eɖokui fiae gblɔ nɛ be, “Nyee nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la. Ɖo tom, eye nànɔ agbe abe ale si dze ene. Maɖo kpe nubabla si le nye kpli wò dome la dzi, eye miadzi ɖe edzi fũu.” Abram tsyɔ mo anyi, eye Mawu gblɔ nɛ be, “Nye la, esiae nye nye nubabla kpli wò: ànye dukɔ geɖewo fofo.” Mawu yi edzi be, “Wò ŋkɔ maganye Abram o, ke boŋ ezu Abraham, elabena meɖo wò dukɔ geɖewo fofoe. Mana dzidzimevi akpe akpewo wò, eye woazu dukɔ geɖewo! Fiawo anɔ wò dzidzimeviwo dome! “Mana nye nubabla nazu nubabla mavɔ le nye kpli wò kple wò dzidzimeviwo dome hena dzidzime siwo gbɔna la, be manye wò Mawu kple Mawu na wò dzidzimeviwo. Kanaanyigba blibo la, afi si nèle fifia abe amedzro ene la, matsɔe na wò wòanye tɔwò kple wò dzidzimeviwo tɔ tegbetegbe, eye manye woƒe Mawu.” Aʋatsotso ƒe nubabla Eye Mawu gblɔ na Abraham be, “Ele na wò be nàlé nye nubabla me ɖe asi, wò kple wò dzidzimeviwo le dzidzime siwo ava la me. Esia nye nye nubabla kpli wò kple wò dzidzimeviwo, nubabla si mialé be na le mia dome lae nye be: Woatso aʋa na ŋutsu sia ŋutsu le mia dome. Woaɖe miaƒe aʋanuyiwo ɖa. Esia anye dzesi be wò kple wò dzidzimeviwo siaa miexɔ nubabla sia. Woatso aʋa na ŋutsuvi ɖe sia ɖe le gbe si gbe wodzii la ƒe ŋkeke enyia gbe. Woatso aʋa na wò kluvi siwo nèƒle kple ga alo wo ƒe viwo kple wò ŋutɔ wò dzidzimeviwo siaa. Esia nye nubabla ƒe akpa si anɔ anyi tegbee, eye wòanye dɔdeasi na wò dzidzimeviwo katã. Ele be woatso aʋa na ame sia ame. Ele be woato mɔ sia nu ade dzesi miaƒe ŋutilã be mianye gomekpɔlawo le nye nubabla mavɔ la me. Woaɖe ame sia ame si metso aʋa o la ɖa le eƒe ƒometɔwo dome, elabena mewɔ nye nubabla la dzi o.” Mawu trɔ ŋkɔ na Sarai Mawu yi edzi gblɔ na Abraham be, “Womagayɔ srɔ̃wò be Sarai o, ke boŋ woayɔe azɔ be, ‘Sara’ si gɔmee nye ‘Fiavinyɔnu.’ Mayrae, eye mana wòadzi ŋutsuvi na wò! Ɛ̃, makɔ yayra geɖe ɖe edzi, eye mana wòazu dukɔ geɖewo dada! Fia geɖewo anɔ miaƒe dzidzimeviwo dome.” Esi Abraham se nya siawo la, etsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ŋkume. Eko nu le eɖokui me le dzimaxɔse ta, hebia eɖokui be, “Ɖe nye ame si xɔ ƒe alafa ɖeka la, magate ŋu azu fofo, eye Sara ame si xɔ ƒe blaasiekɛ la agate ŋu adzi via?” Abraham gblɔ na Mawu be, “Meɖe kuku, yra Ismael nam ko!” Mawu ɖo eŋu be, “Ao, menye nenemae megblɔ o. Sara adzi ŋutsuvi na wò, eye miana ŋkɔe be, Isak si gɔmee nye ‘Nukoko.’ Mabla nu kple eya kple eƒe dzidzimeviwo tegbetegbe. Melɔ̃ be mayra Ismael hã abe ale si nèbiae ene. Mana wòadzi asɔ gbɔ, eye wòazu dukɔ gã aɖe. Fiavi ŋutsuvi wuieve anɔ eƒe dzidzimeviwo dome. Ke nye nubabla le nye kple Isak dome, ame si Sara adzi na wò le ƒe si gbɔna la ƒe ɣe aleawo ɣi.” Ale Abraham kple Mawu ƒe dzeɖoɖo wu enu, eye Mawu dzo. Gbe ma gbe ke la, Abraham tso aʋa na via, Ismael kple ŋutsuvi bubu ɖe sia ɖe si wodzi ɖe eƒe aƒe me alo ƒle kple ga va eƒe aƒe me abe ale si Mawu ɖo nɛ ene. Wotso aʋa na Abraham Le ɣe ma ɣi me la, Abraham xɔ ƒe blaasiekɛ-vɔ-asiekɛ hafi wotso aʋa nɛ, eye Via ŋutsuvi, Ismael, xɔ ƒe wuietɔ̃ hafi wotso aʋa nɛ. Wotso aʋa na Abraham kple Via ŋutsuvi, Ismael, le ŋkeke ɖeka ma dzi. Eye wotso aʋa na ŋutsu ɖe sia ɖe le Abraham ƒe aƒe me, ame si wodzi le eƒe aƒe me kple kluvi si woƒle le amedzro aɖe si siaa. Abraham kple amedzro etɔ̃awo Yehowa gaɖe eɖokui fia Abraham esime Abraham nɔ ati gãwo te le Mamre. Le dzomeŋɔli ƒe ɣetrɔ aɖe, esime xexea me xɔ dzo la, Abraham nɔ eƒe agbadɔ ƒe mɔnu. Kasia ekpɔ ŋutsu etɔ̃ gbɔna egbɔ. Etsi tsitre enumake, ƒu du yi ɖakpe wo, eye wòdo dzaa na wo. Egblɔ be, “Ne miave nunye la, nye aƒetɔ, ekema migato miaƒe dɔla ŋu yi o. Mina woaku tsi vi aɖe vɛ miaklɔ afɔe, eye miaɖi ɖe eme sẽe le ati sia te, eye madi nane na mi miaɖu be wòado ŋusẽ mi. Mitɔ vie hafi miagayi miaƒe mɔzɔzɔ dzi.” Amedzroawo ɖo eŋu be, “Enyo; wɔ abe ale si nègblɔ ene.” Abraham ƒu du yi eƒe agbadɔ me, eye wògblɔ na Sara be, “Netsɔ! Tɔ tatalĩ! Kɔ wò wɔ nyuitɔ, eye nàtɔ tatalia wòasu na wo ame etɔ̃!” Emegbe la, eƒu du yi nyihawo me, lé nyivi dami aɖe, eye wògblɔ na eƒe subɔla aɖe be wòawui enumake. Eteƒe medidi o, etsɔ notsi babla kple notsi tsitɔ kple nyilã meme ɖo akɔme na wo. Enɔ atiawo te le amedzroawo gbɔ esime wonɔ nua ɖum. Wobiae be, “Afi ka srɔ̃wò, Sara le?” Abraham ɖo eŋu be, “Ele agbadɔ me.” Wo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Yehowa gblɔ be, ‘Le ƒe si gbɔna me la, srɔ̃wò Sara adzi ŋutsuvi’ ” Sara nɔ agbadɔ me le Abraham megbe nɔ nya siawo sem. Azɔ la, Abraham kple Sara tsi ŋutɔ, eye Sara ƒe vidziɣi va yi xoxoxo. Nu sia na Sara ko nu le ta me, eye wògblɔ na eɖokui be, “Nyɔnu tsitsi abe nye ene nagadzi vi kple srɔ̃nye tsitsi sia?” Yehowa gblɔ na Abraham be, “Nu ka ta Sara ko nu ɖo? Nu ka ta wògblɔ be, ‘Ɖe nyɔnu tsitsi abe nye ene ate ŋu adzi via?’ Ɖe nane sesẽ akpa na Yehowa? Le ƒe si gbɔna me, abe ale si megblɔ na wò xoxo ene la, Sara adzi ŋutsuvi.” Ke Sara da alakpa be, “Nyemeko nu o,” elabena evɔ̃. Ke egblɔ nɛ be, “O! Èko nu.” Wogblɔ Sodom kple Gomora tsɔtsrɔ̃ ɖi Le esia megbe la, ameawo dze mɔ ɖo ta Sodom, eye Abraham dze wo yome ɖaɖo wo ɖa. Yehowa gblɔ le eɖokui me be, “Ɖe maɣla nye ɖoɖowo ɖe Abraham mahã? Eyae azu dukɔ gã aɖe, eye wòahe yayra vɛ na dukɔwo katã le anyigba dzi. Kpe ɖe esia ŋu la, metiae be eƒe dzidzimeviwo nanye mawuvɔ̃lawo, ame siwo anye ame dzɔdzɔewo kple nuteƒewɔlawo, ale be mate ŋu awɔ nu siwo katã ŋugbe medo nɛ la.” Ale Yehowa gblɔ na Abraham be, “Mese be Sodomtɔwo kple Gomoratɔwo nye nu vɔ̃ wɔlawo, eye nu sia nu si woawɔ la nye nu vɔ̃ɖi. Mele teƒe mawo yim be manya ne nya siawo nye nyateƒe alo aʋatso. Ekema manya nu si mawɔ.” Ameawo trɔ ɖo ta Sodom, ke Abraham ya tɔ ɖe Yehowa ŋkume. Tete Abraham te ɖe eŋu hebiae be, “Ɖe nàtsrɔ̃ ame dzɔdzɔewo kpe ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋua? Ne àkpɔ ame dzɔdzɔe blaatɔ̃ le dua me ɖe, ɖe nàtsrɔ̃ du blibo la, eye màkpɔ nublanui le ame dzɔdzɔe blaatɔ̃awo ta oa? Esia masɔ o! Meka ɖe edzi be màwɔ nu ma tɔgbi, awu ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa o! Nu ka ta nàhe to na ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa ɖekae ɖo? Eme kɔ ƒãa be màwɔ nenema o! Ɖe xexea me blibo la ƒe Ʋɔnudrɔ̃la mawɔ nu dzɔdzɔe oa?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ne makpɔ ame dzɔdzɔe blaatɔ̃ le Sodom dua me la, ekema mave du blibo la nu ɖe ame dzɔdzɔeawo ta.” Abraham gagblɔ be, “Togbɔ be menye ʋuʋudedi kple afi ko hã la, esi medze nuƒoƒo kple wò Aƒetɔ la gɔme xoxo ta la, ɖe mɔ nam mayi edzi ko. Ne àkpɔ ame blaene-vɔ-atɔ̃ ko ɖe, ɖe nàtsrɔ̃ du la ɖe ame atɔ̃ makpɔmakpɔ ta?” Yehowa gblɔ be, “Ne makpɔ ame dzɔdzɔe blaene-vɔ-atɔ̃ la, nyematsrɔ̃ du la o.” Tete Abraham gayi edzi be, “Ne ame dzɔdzɔe blaene koe li ɖe?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ne makpɔ ame dzɔdzɔe blaene la, nyematsrɔ̃ du la o.” Abraham gblɔ be, “Meɖe kuku, mègana dzi naku wò o; ɖe mɔ nam maƒo nu. Nenye ame blaetɔ̃ koe nàkpɔ le afi ma ɖe?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ne makpɔ ame dzɔdzɔe blaetɔ̃ pɛ ko la, nyematsrɔ̃ du la o.” Abraham yi edzi be, “Zi ale si medo dzi ƒo nu kple Yehowa ko la, na mayi edzi ko. Nenye ame blaeve koe ɖe?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ekema nyematsrɔ̃ du la o, ɖe ame blaeve mawo ta.” Mlɔeba la, Abraham gblɔ be, “O, Yehowa, mègado dɔmedzoe o; nya ɖeka sia pɛ koe gale asinye, nenye be ame dzɔdzɔe ewo pɛ ko nàkpɔ ɖe?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ekema le ame ewo mawo ta la, nyematsrɔ̃ du la o.” Esi Yehowa wu nya siawo gbɔgblɔ kple Abraham nu la, edzo, eye Abraham trɔ yi eƒe agbadɔ me. Sodom kple Gomora ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ Gbe ma gbe ke ƒe fiẽ la, mawudɔla eveawo va ɖo Sodom ƒe agbo nu, eye Lot nɔ afi ma ɣe ma ɣi. Esi Lot kpɔ wo la, etsi tsitre be yeakpe wo, eye wòdo dzaa na wo. Egblɔ na wo be, “Nye amegãwo, miva dze gbɔnye le zã sia me, eye miaklɔ miaƒe afɔwo ŋu. Miate ŋu ayi miaƒe mɔzɔzɔ dzi etsɔ ŋdi kanya.” Wogblɔ be, “Ao, akpe na wò, míadzudzɔ le ablɔ dzi le afi sia ko.” Ke Lot ƒoe ɖe wo nu va se ɖe esime woyi eƒe aƒe me, eye wòɖo kplɔ̃ gã aɖe na wo kple abolo si wowɔ teti kple amɔ maʋamaʋã. Esi woɖu nu vɔ, eye wodi be yewoaɖo xɔ la, Sodom ŋutsuwo, ɖekakpuiwo kple ame tsitsiwo siaa tso dua ƒe akpa sia akpa va ƒo xlã aƒe la, eye woɖe gbe na Lot be, “Kplɔ ŋutsu mawo vɛ na mí be míadɔ kpli wo.” Lot tu ʋɔ ɖe amedzroawo nu, eye wòyi wo gbɔ ɖaɖe kuku na wo be, “Nɔvinyewo, migawɔ nu baɖa sia tɔgbi o. Mikpɔ ɖa, ɖetugbi eve siwo menya ŋutsu haɖe o la le asinye. Maɖe asi le wo ŋu na mi be miawɔ nu sia nu si adze mia ŋu la kpli wo. Ke migawɔ naneke amedzro siawo ya o, elabena nye dzikpɔkpɔ te wole.” Wodo ɣli sesĩe be, “He ɖa le afi ma! Ame kae nèbu be yenye? Míeɖe mɔ na Lot be wòanɔ mía dome abe amedzro ene, ke azɔ la, ele didim be yeagblɔ nu si míawo míawɔ la na mí! Míawɔ nu vevi wò wu nu si míawɔ ame mawo.” Wolũ ɖe Lot dzi, eye wode asi ʋɔtrua gbagbã me. Ke mawudɔla eveawo ʋu ʋɔa, do asi ɖa, he Lot va xɔa me, tu ʋɔa, eye wona Sodomtɔwo ƒe ŋkuwo dzi tsyɔ sẽe, ale be womegate ŋu kpɔ ʋɔtru la o. Mawudɔlawo bia Lot be, “Wò ƒometɔ kawoe le du sia me? Na woawo ŋutɔ, wo viŋutsuwo, wo vinyɔnuwo, wo toyɔviwo kple lɔ̃xoyɔviwo kple woƒe ƒometɔ bubuawo katã nadzo le du sia me, elabena míele du sia tsrɔ̃ ge keŋkeŋ. Nutsotso tso teƒe sia ŋu va ɖo dziƒo, eya ta Yehowa ɖo mí ɖa be míatsrɔ̃e.” Nu sia na Lot ɖe abla yi ɖagblɔ na viawo srɔ̃wo be, “Netsɔ na mi miado go le du sia me, elabena Yehowa le du sia tsrɔ̃ ge.” Ke toawo bui ko abe ahatso kam wòle ene. Woɖe Lot kple eƒe aƒemetɔ aɖewo Le fɔŋli la, mawudɔlawo gblɔ na Lot be, “Netsɔ na wò, nàkplɔ srɔ̃wò kple viwò nyɔnuvi eve siwo le afi sia la, eye miasi adzo, ne menye nenema o la, miatsrɔ̃ le du sia tsɔtsrɔ̃ me.” Esi Lot nɔ hehem ɖe megbe la, mawudɔlawo lé eya ŋutɔ, srɔ̃a kple viawo ƒe alɔnu, eye wohe wo yi dua godo, afi si woanɔ dedie le, elabena Yehowa kpɔ nublanui na wo. Mawudɔlawo gblɔ na wo be, “Miɖe abla miaɖe miaƒe agbe, eye migakpɔ megbe o. Misi yi toawo dzi, miganɔ gbadzaƒe le afi sia o. Ne menye nenema o la, miatsrɔ̃.” Lot gblɔ na wo be, “O, nye Aƒetɔwo, meɖe kuku na mi. Esi mieve nunye alea, eye mieɖe nye agbe ta la, mina masi ayi du sue kemɛ ɖa me boŋ, elabena mele vɔvɔ̃m be dzɔgbevɔ̃e aɖe ava ɖi kpem le toawo dzi. Kpɔ ɖa, du la medidi tso afi sia kura o, eye du sue aɖe koe. Meɖe kuku mina mayi afi ma boŋ. Miekpɔ ale si wònye du sue aɖe oa? Matsi agbe le afi ma.” Mawudɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Enyo, mexɔ wò nya la, eye nyematsrɔ̃ du sue ma o. Gake miɖe abla! Elabena nyemate ŋu awɔ naneke o, va se ɖe esime miaɖo afi ma.” (Tso gbe ma gbe dzi la, woyɔa du sue ma be Zoar ɖe ƒe suẽnyenye ta.) Ɣe nɔ dzedzem esi Lot ɖo Zoar. Tete Yehowa na dzo kple aŋɔ xɔdzo dza tso dziƒo ɖe Sodom kple Gomora dzi, gblẽ wo kple du gã kple du sue siwo nɔ gbadzaƒe la, eye amewo, atiwo kple lãwo siaa tsrɔ̃ keŋkeŋ. Ke Lot srɔ̃ nye kɔ kpɔ megbe, eye wòtrɔ zu dzekɔ. Gbe ma gbe ŋdi la, Abraham fɔ kaba, eye wòɖe abla yi teƒe si wòtsi tsitre ɖe Yehowa ƒe ŋkume le la. Ekpɔ Sodom kple Gomora lɔƒo ɖa, eye wòkpɔ be dzudzɔ nɔ tutum kɔlikɔli tso afi ma abe kpodzo gã aɖe me wònɔ dodom tso ene. Ale Mawu se Abraham ƒe kukuɖeɖe, ena Lot nɔ dedie, eye wòɖee tso ku kple tsɔtsrɔ̃ siwo ƒo xlã Sodom, Gomora kple du siwo ƒo xlã wo la me. Emegbe la, Lot dzo le Zoar, elabena enɔ afi ma tɔwo vɔ̃m, eye wòyi ɖanɔ agado aɖe me le toawo dzi kple via nyɔnuvi eveawo. Gbe ɖeka la, nyɔnuvi tsitsitɔ gblɔ na nɔvia be, “Ŋutsu aɖeke kura mele anyigba sia ƒe akpa sia lɔƒo si mía fofo alɔ̃ be míaɖe o. Kpe ɖe esia ŋu la, esusɔ vie mía fofo natsi akpa na vidzidzi. Na míana mía fofo nano wain amu, eye wòadɔ mía gbɔ, ale be míate ŋu adzi vi, eye míaƒe dzidzime nu matso o.” Ale wona wain wo fofo wòno hemu. Nyɔnuvi tsitsitɔ yi ɖamlɔ fofoa gbɔ, eye fofoa dɔ kplii, gake fofoa menya o. Le ŋdi me la, nyɔnuvi tsitsitɔ gblɔ na nɔvia be, “Medɔ fofonye gbɔ le zã si va yi la me. Na míagana ahae wòagano amu, eye wò hã nàyi aɖamlɔ egbɔ, ale be míaƒe ƒome la nadzi ɖe edzi.” Ale wona wo fofo gamu aha gbe ma gbe fiẽ hã, eye nyɔnuvi suetɔ hã yi ɖamlɔ egbɔ. Fofoa dɔ eya hã gbɔ, ke fofoa menya o. Ale nɔvi eveawo fɔ fu na wo fofo Lot. Nyɔnuvi tsitsitɔ dzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Moab; eyae nye Moab dukɔa tɔgbui. Nyɔnuvi suetɔ hã dzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Ben Ami; eyae nye Amonitɔwo tɔgbui. Abraham ble Fia Abimelek Azɔ Abraham ʋu tso Negeb yi dziehe lɔƒo, eye wòyi ɖanɔ Kades kple Sur dome. Gbe ɖeka esi wòɖi tsa yi Gerar du me la, egblɔ be ye nɔvinyɔnue nye Sara! Gerar fia Abimelek na wokplɔ Sara vɛ nɛ le eƒe fiasã me. Ke le zã ma me la, Mawu ɖe eɖokui fia Abimelek le drɔ̃e me hegblɔ nɛ be, “Èle kuku ge godoo, elabena nyɔnu si wokplɔ vɛ na wò la, ame srɔ̃e.” Ke Abimelek medɔ Sara gbɔ haɖe o, eya ta wògblɔ be, “Aƒetɔ, ɖe nàwu ame dzɔdzɔea? Abraham gblɔ nam be, ‘Nɔvinye nyɔnue,’ eye nyɔnu la hã gblɔ nam be, ‘Ɛ̃, nɔvinye ŋutsue.’ Nyemedi kura be mawɔ nu vɔ̃ o.” Mawu ɖo eŋu be, “Ɛ̃, menyae nenema, eya ta mekpɔ egbɔ be mèwɔ nu vɔ̃ ɖe ŋunye o. Esia tae nyemeɖe mɔ na wò be nàka asi eŋu o ɖo. Gbugbɔe ɖo ɖe srɔ̃a kaba! Srɔ̃a ado gbe ɖa ɖe tawò, elabena nyagblɔɖilae, ekema ànɔ agbe. Ke ne mèɖoe ɖe srɔ̃a o la, ekema nyae be mi kple aƒewòmetɔwo katã miaku.” Fia Abimelek fɔ ŋdi kanya, yɔ eŋume veviwo katã ƒo ƒui, eye wòka nya la ta na wo. Vɔvɔ̃ ɖo ame sia ame le ƒuƒoƒea. Abimelek yɔ Abraham, eye wògblɔ be “Nu kae nye esi nèwɔ ɖe mía ŋu? Aleke gbegbe meda voe ɖe ŋuwò be nèna fɔɖiɖi gã sia va nye kple nye fiaɖuƒe dzi? Èwɔ nu si womewɔna o la ɖe ŋunye.” Eye Abimelek bia Abraham be, “Nu ka ta nèwɔ nu sia ɖo?” Abraham ɖo eŋu be, “Megblɔ na ɖokuinye be, ‘Eme kɔ ƒãa be Mawuvɔvɔ̃ aɖeke mele afi sia o, eye woawum ɖe srɔ̃nye ta.’ Kpe ɖe esia ŋu la, nɔvinye nyɔnu tututue, fofonye vie, ke menye danye vie o, eye wònye srɔ̃nye hã. Esi Mawu ɖo nam be maʋu le mía de la, megblɔ na srɔ̃nye be, ‘Afi sia afi si míaɖo la, ve nunye nàgblɔ be nɔvinye nyɔnue yenye.’ ” Fia Abimelek tsɔ alẽwo, nyiwo kple dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo na Abraham, eye wògbugbɔ srɔ̃a, Sara, nɛ. Fia Abimelek gblɔ na Abraham be, “Lé ŋku ɖe nye fiaɖuƒe la ŋu, eye nàtia afi sia afi si nàdi be yeanɔ la.” Emegbe la, etrɔ ɖe Sara ŋu gblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, metsɔ klosalo akpe ɖeka na ‘nɔviwò ŋutsua’ be makpatae, eye maɖe ŋukpe ɖa le mo na wò le gbɔwòviwo katã ŋkume. Fifia dzɔdzɔenyenye va aƒe.” Abraham do gbe ɖa be Mawu nayɔ dɔ Abimelek srɔ̃ kple eƒe dɔlanyɔnuwo ale be woate ŋu adzi vi azɔ, elabena Yehowa xe woƒe vidzidɔwo be yeahe to na Abimelek ɖe ale si wòxɔ Abraham srɔ̃ Sara la ta. Wodzi Isak Azɔ Yehowa ve Sara nu abe ale si wògblɔ ene, eye Yehowa wɔ eƒe ŋugbedodo dzi na Sara. Sara fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi na Abraham le eƒe amegãkuku me ɖe ɣeyiɣi si dzi tututu Mawu do ŋugbe nɛ la dzi. Abraham na ŋkɔ ɖevi si Sara dzi nɛ la be, Isak si gɔmee nye, “Nukoko.” Esi via, Isak, xɔ ŋkeke enyi la, Abraham tso aʋa nɛ abe ale si Mawu ɖo nɛ ene. Abraham xɔ ƒe alafa ɖeka esi wodzi Isak nɛ. Tete Sara gblɔ be, “Mawu do nukokoe nam. Ame sia ame si ase nye nya sia la akpɔ dzidzɔ kplim. Elabena ame kae abui kpɔ be nye Sara hã madzi vi? Ke medzi ŋutsuvi na Abraham le eƒe tsitsime!” Wonya Hagar kple Ismael Ɖevi la tsi, eye wotso no nɛ. Gbe si gbe wotso no na Isak la, Abraham ɖo kplɔ̃ gã aɖe le dzidzɔɣeyiɣi sia dzi. Ke esi Sara kpɔ Ismael, Abraham kple Egipte nyɔnu, Hagar ƒe vi wònɔ Isak kom la, egblɔ na Abraham be, “Na kosivi ma kple via nadzo le afi sia. Via manyi wò dome kple vinye Isak gbeɖegbeɖe o.” Nu sia na Abraham tɔtɔ ŋutɔ, elabena via kee nye Ismael hã. Ke Mawu gblɔ na Abraham be, “Mègatɔtɔ o, eye mègaxa nu le ŋutsuvi la kple srɔ̃wò kosi la ta o. Wɔ nu si Sara ɖo na wò la, elabena Isak me wò dzidzimeviwo adzɔ tso. Ke mana nyɔnu kosivi ƒe vi la hã ƒe dzidzimeviwo nazu dukɔ gã aɖe, elabena viwò eya hã nye.” Ale Abraham fɔ ŋdi kanya, tsɔ nuɖuɖu kple tsi na Hagar, eye wòdo mɔ eya kple wo vi Ismael. Hagar zɔ mɔ kple via yi gbedzi le Beerseba. Menya afi si tututu wòyina o. Esi tsia vɔ la, etsɔ ɖevi la mlɔ ati kpɔyɔe aɖe te, eye wòyi ɖanɔ anyi ɖe adzɔge abe abɔ alafa ɖeka lɔƒo ene tso ɖevi la gbɔ. Egblɔ be, “Nyemedi be manɔ ɖevi la kpɔm wòaku o,” eye wòde asi avifafa me hehehe. Tete Mawu se ɖevi la ƒe avifafa, eye mawudɔla aɖe yɔ Hagar tso dziƒo gblɔ nɛ be, “Hagar, nya kae dzɔ? Mègavɔ̃ o! Mawu se ɖevi la ƒe avifafa le afi si wòmlɔ la. Yi nàtsɔ ɖevi la, eye nàfa akɔ nɛ, elabena mawɔ eƒe dzidzimeviwo woazu dukɔ gã aɖe.” Mawu ʋu Hagar ƒe ŋkuwo, eye wòkpɔ vudo aɖe le afi ma. Eku tsi ɖe eƒe tsigolo me, eye wòna ɖe ɖevi la wòno. Mawu nɔ kple ɖevi la, eye wòtsi. Enɔ gbedzi, eye wòzu aŋutrɔdala. Esi wònɔ Paran Gbegbe la, dadaa ɖe srɔ̃ nɛ tso Egipte. Abraham bla nu kple Abimelek Le ɣeyiɣi sia me la, Fia Abimelek kple eƒe aʋafia Pixol va Abraham gbɔ gblɔ nɛ be, “Eme kɔ ƒãa be Mawu li kpli wò le nu sia nu si nèwɔna la me. Ka atam nam le Mawu ŋkume be yemaba nye ŋutɔ alo vinye ŋutsu alo nye tɔgbuiyɔvi o, ke boŋ be yeanɔ anyi kple nye dukɔ le nɔvilɔlɔ̃ me abe ale si mele ɖe ŋuwò ene.” Abraham ɖo eŋu be, “Enyo, meka atam sia!” Abraham na nutsotso fia Abimelek tso ale si fia la ƒe subɔlawo xɔ vudo aɖe le eƒe subɔlawo si sesẽtɔe la ŋuti. Fia Abimelek ɖi vo, eye wògblɔ be, “Esiae nye zi gbãtɔ si mese nya aɖe tso nu sia ŋu, eye nyemenya ame si wɔ nu sia hã o. Nu ka ta mègblɔe nam kpɔ o?” Abraham tsɔ alẽwo kple nyiwo na Fia Abimelek abe vɔsa ene hetsɔ ɖo kpe woƒe nubabla la dzi. Abraham ɖe alẽvi adre tso eƒe lãhawo me ɖe aga, eye Abimelek bia Abraham be, “Alẽvi adre siawo nèɖe ɖe aga la gɔme ɖe?” Abraham ɖo eŋu be, “Esiae nye nye nunana na wò be wòanye kpeɖodzi le amewo ŋkume be nyee ɖe vudo sia.” Ale tso gbe ma gbe dzi la, woyɔa vudo la be Beerseba si gɔmee nye “Atamvudo,” elabena afi ma woka atam, eye wowɔ woƒe nubabla la le. Le atamkaka le Beerseba megbe la, Fia Abimelek kple eƒe aʋakplɔla, Pixol trɔ yi aƒe. Abraham do ati aɖe ɖe Beerseba eye wòdo gbe ɖa na Yehowa Mawu mavɔ la be wòanye ɖasefo le nubabla sia me. Eye Abraham nɔ Filistitɔwo ƒe anyigba dzi ɣeyiɣi didi aɖe. Mawu do Abraham kpɔ Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Mawu do Abraham kpɔ. Eyɔe be, “Abraham!” Etɔ nɛ be, “Nyee nye esi.” Tete Mawu gblɔ be, “Kplɔ viwò ŋutsuvi ɖekɛ la, Isak, ame si gbɔ mèlɔ̃a nu le o la, ne miayi Moria nuto me. Tsɔe sa numevɔe le afi ma le toawo dometɔ ɖeka si mafia wò la dzi.” Le fɔŋli la, Abraham dze nake hena dzododo ɖe vɔsamlekpui la dzi. Edo agba na eƒe tedzi, eye wòkplɔ via Isak kple ɖekakpui eve siwo nye eƒe subɔlawo la ɖe asi heɖo ta teƒe si Mawu gblɔ nɛ be wòayi la. Le ŋkeke ene ƒe mɔzɔzɔ megbe la, Abraham kpɔ teƒe la le adzɔge ʋĩi. Egblɔ na ɖekakpuiawo be, “Minɔ afi sia kple tedzi la; nye kple Isak míayi ŋgɔ vie aɖado gbe ɖa. Míatrɔ agbɔ fifi laa.” Abraham tsɔ vɔsanake la ɖo ta na Isak, eye eya ŋutɔ tsɔ hɛ la kple dzosinu ɖe asi. Ale wo ame eveawo dze mɔ. Isak bia fofoa Abraham be, “Papa!” Eɖo eŋu nɛ bena “Nyee nye si, vinye!” Ke Isak bia be, “Nake kple dzosinu le mía si, ke afi ka agbo si míatsɔ asa vɔe ya le?” Abraham ɖo eŋu be, “Vinye, Mawu akpɔ ema gbɔ na mí hena vɔsa la.” Ale woyi mɔzɔzɔ la dzi. Esi woɖo teƒe si Mawu fia Abraham be wòayi la, Abraham ɖi vɔsamlekpui, eye wòɖo nakeawo ɖe edzi nyuie. Ebla Isak, eye wòkɔe mlɔ nakeawo dzi. Abraham tsɔ eƒe hɛ be yeawu Isak. Le ɣe ma ɣi me tututu la, Yehowa ƒe dɔla aɖe do ɣli tso dziƒo be, “Abraham, Abraham!” Abraham tɔ be, “Nyee nye esi.” Mawudɔla la gblɔ nɛ be, “Tsɔ hɛ la de aku me; mègawɔ nu vevi aɖeke ɖevi la o, elabena menya be Mawu xɔ teƒe gbãtɔ le wò agbenɔnɔ me; mèhe viwò lɔlɔ̃a gɔ̃ hã ɖe megbe tso gbɔnye o.” Enumake Abraham kpɔ agbo aɖe si ƒe dzowo avekawo bla la le avekɔe aɖe me. Ale wòlé agbo la, eye wòtsɔe sa vɔe ɖe ɖevi la teƒe abe numevɔsa ene le vɔsamlekpui la dzi. Abraham na ŋkɔ teƒe la be, “Yehowa naa nu,” eye ŋkɔ sia tsi eŋu va se ɖe egbe. Yehowa ƒe dɔla la gayɔ Abraham tso dziƒo, eye wògblɔ nɛ be, “Nye, Yehowa, meka atam na wò le nye ŋkɔ dzi be esi nèɖo tom, eye mègbe viwò ŋutsuvi lɔlɔ̃a tsɔtsɔ nam o ta la, makɔ yayra manyagblɔwo ɖe dziwò, eye mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ fũu abe ɣletivi siwo le dziƒo alo ƒutake ene. Wò dzidzimeviwo aɖu woƒe futɔwo dzi, eye woanye yayra na dukɔwo katã le anyigba dzi. Esiawo katã ava eme, elabena èɖo tom.” Ale Abraham gatrɔ va ɖekakpuiawo gbɔ, eye wogatrɔ yi Beerseba, eye Abraham nɔ Beerseba. Nahor ƒe viŋutsuwo Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wogblɔ na Abraham be, “Milka hã zu vinɔ, edzi viŋutsuwo na nɔviwò ŋutsu, Nahor. Uz nye via gbãtɔ, Buz dzɔ ɖe Uz yome, kplɔɖoae nye Kemuel (ame si nye Aram fofo). Bubuawoe nye Kesed, Hazo, Pildas, Yidlaf kple Betuel.” Betuel nye Rebeka fofo. Milka dzi ŋutsuvi enyi siawo na Abraham nɔvi ŋutsu, Nahor. Eƒe ahiãvi si ŋkɔe nye Reuna la hã dzi viŋutsu siawo: Teba, Gaham, Tahas kple Maaka nɛ. Sara ƒe ku kple ɖiɖi Sara tsi xɔ ƒe alafa ɖeka blaeve-vɔ-adre. Eku le Kiriat Arba (si nye Hebron) le Kanaanyigba dzi. Abraham yi be yeafa konyi, eye yeafa avi nɛ. Esime wòtsi tsitre ɖe srɔ̃a kukua gbɔ la, egblɔ na Hititɔwo be, “Amedzro menye le dzronyigba sia dzi; teƒe aɖeke mele asinye maɖi srɔ̃nye ɖo o. Meɖe kuku, midzra anyigba aɖe nam ne maɖi srɔ̃nye ɖe afi ma.” Hititɔ la ɖo eŋu na Abraham be, “Amegã, ɖo to mí. Ènye fiavi ŋusẽtɔ aɖe le mía dome. Ɖi wò ame kukuwo ɖe míaƒe yɔdo nyuitɔwo me. Mía dometɔ aɖeke magbe eƒe yɔdo nana wò na wò ame kukuwo ɖiɖi o.” Abraham tsi tsitre, eye wòde ta agu na Hititɔwo hegblɔ be, “Zi ale si wònye nenema miedii ko la, mive nunye, miaɖe kuku na Efrɔn, Zoha ƒe vi nam be wòadzra eƒe kpeto Makpela si le eƒe anyigba ƒe seƒe lɔƒo la nam. Maxe ga home si dzi míalɔ̃ ɖo la katã nɛ, eye wòazu ameɖiƒe na ƒonyemetɔwo tegbee.” Efrɔn nɔ ameawo dome. Eƒo nu, ɖo Abraham ƒe nya la ŋu le Hititɔwo katã ŋkume. Egblɔ na Abraham be, “Amegã, meɖe kuku, ɖo tom. Matsɔ kpeto la kple anyigba la ana wò, eye nyemaxɔ naneke ɖe wo ta o. Metsɔ wo na wò faa le nye ame siwo le afi sia la ƒe ŋkume. Yi nàɖi wò ame kuku la ɖe edzi.” Abraham gade ta agu na Hititɔwo, eye wòɖo nya la ŋu na Efrɔn esime ame sia ame nɔ to dzi be, “Ao, na maƒlee ko. Na maxe ga home si anyigba la xɔ la, ekema maɖi nye ame kukuwo ɖe edzi.” Efrɔn ɖo eŋu na Abraham be, “Ɖo tom, nye aƒetɔ; anyigba la ƒe asie nye klosalo kilogram atɔ̃. Ke nu kae nye ga home ma le nye kple wò dome? Ɖi wò ame kuku.” Abraham lɔ̃ ɖe klosalo kilogram atɔ̃ si Efrɔn bia le Hititɔwo dome la dzi, eye wòxee nɛ. Ale Efrɔn ƒe anyigba si le Makpela si te ɖe Mamre ŋu, anyigba la kple kpeto si le eme la siaa kple ati siwo le anyigba la ƒe liƒowo me la trɔ zu Abraham tɔ le Hititɔ siwo va du la ƒe agbo nu la katã ƒe ŋkume. Emegbe la, Abraham ɖi srɔ̃a Sara ɖe kpeto si le Makpela si te ɖe Mamre ŋu la me. Teƒe sia le Hebron le Kanaanyigba dzi. Ale Hititɔwo wɔ agbalẽ ɖe anyigba la kple kpeto si le edzi la dzi na Abraham be wòanye eƒe ameɖiƒe. Isak ɖe Rebeka Abraham tsi ŋutɔ azɔ, eye Yehowa yrae le mɔ sia mɔ nu. Gbe ɖeka la, Abraham gblɔ na eƒe aƒedzikpɔla, ame si nye eƒe subɔla tsitsitɔ be, “Tsɔ wò asiwo de nye ata te, eye nàka atam nam le Yehowa, dziƒo kple anyigba ƒe Mawu ŋkume be màna vinye naɖe Kanaan nyɔnuvi siawo dometɔ aɖeke o, ke boŋ àyi nye denyigba dzi kple ƒonyemetɔwo dome, eye nàɖe srɔ̃ nɛ le afi ma.” Aƒedzikpɔla la biae be, “Ke ne nyemate ŋu kpɔ ɖetugbi aɖeke si alɔ̃ be yeava teƒe didi sia o ɖe, ekema ɖe makplɔ Isak ayi afi ma boŋ, ale be wòanɔ ƒowòmetɔwo domea?” Abraham ɖo eŋu be, “Gbeɖe! Kpɔ nyuie be màwɔ nenema gbeɖe o, elabena Yehowa, Mawu si le dziƒo la gblɔ nam be magblẽ anyigba ma kple ƒonyemetɔwo ɖi, eye wòdo ŋugbe nam be yeatsɔ anyigba sia na nye kple nye dzidzimeviwo. Ana mawudɔla aɖe nanɔ ŋgɔ na wò, eye wòakpɔ egbɔ be èkpɔ nyɔnuvi aɖe tso afi ma wòazu vinye srɔ̃. Ke ne medze edzi nenema o la, ekema atam sia megabla wò o, gake mègakplɔ vinye yi be, wòatsi afi ma gbeɖegbeɖe o.” Ale aƒedzikpɔla la tsɔ eƒe asiwo de Abraham ƒe ata te, eye wòka atam be yeawɔ eƒe ɖoɖowo dzi. Ekplɔ Abraham ƒe kposɔ ewo ɖe asi, eye wòdo agba na wo kple nu nyui siwo katã le eƒe aƒetɔ si la ƒe ɖe. Ezɔ mɔ yi Aram Naharaim, eye wòyi Nahor ƒe du me. Ena kposɔawo tsyɔ akɔ anyi ɖe dua godo le vudo aɖe to. Esi ɣe trɔ la, dua me nyɔnuwo va nɔ tsi kum. Aƒedzikpɔla la do gbe ɖa be, “O, Yehowa, nye aƒetɔ ƒe Mawu, kpɔ nublanui na nye aƒetɔ Abraham, eye nàna be nye asi nasu nu si ta meva afi sia ɖo la dzi. Kpɔm ɖa, mele tsitre ɖe vudo sia to, ɖetugbiwo tso dua me va le tsi kum. Nu si mebia wò lae nye ɖetugbi si mabia be wòana tsim, eye wòagblɔ be, ‘Yoo, mana tsi wò kple wò kposɔwo siaa’ la, na be eya tututu nanye nyɔnu si wò ŋutɔ nètia be wòanye Isak srɔ̃. To esia me madze sii le be ève nye aƒetɔ nu.” Hafi wòawu gbedodoɖa la nu la, Rebeka va do kple eƒe tsikuze si wòlé ɖe abɔta la. Enye Betuel ƒe vinyɔnu. Betuel nye Milka ƒe viŋutsu, ame si nye Abraham srɔ̃ nɔviŋutsu Nahor. Ɖetugbi la dze tugbe ŋutɔ. Menya ŋutsu haɖe o. Eva tsikuƒe la, ku tsi ɖe eƒe tsikuze me, eye wògado go. Aƒedzikpɔla la ɖe abla te ɖe eŋu, eye wògblɔ nɛ be, “Meɖe kuku, na tsi vi aɖem tso wò tsikuze la me mano.” Ɖetugbi la ɖo eŋu be, “Mana tsi wò faa, nye aƒetɔ.” Eku tsi na aƒedzikpɔla la enumake, eye wògblɔ be, “Mana wò kposɔwo hã va se ɖe esime woaɖi kɔ!” Ale Rebeka ku tsi kɔ ɖe lãwo ƒe tsinonu me. Egatrɔ yi ɖaku tsi le vudoa me zi geɖe va se ɖe esime kposɔawo no tsi wòsu wo. Aƒedzikpɔla la megagblɔ nya aɖeke o, ke boŋ eda ŋku ɖi be yeakpɔ be Yehowa wɔ ɖe nu siwo katã yebiae la dzi mahã. Esi kposɔawo no tsi heɖi kɔ vɔ la, etsɔ sikatogɛ kple sikalɔnugɛ na Rebeka. Ebiae be, “Ɖetugbi, ame ka ƒe vi nènye? Teƒe le fofowò si wòana míadze le zã sia mea?” Eɖo eŋu be, “Fofonyee nye Betuel si nye Milka si nye Nahor srɔ̃ la ƒe vi. Ɛ̃, nuɖuɖu le mía si sɔ gbɔ na kposɔawo, eye amedzrodzeƒe hã li.” Aƒedzikpɔla la tsi tsitre ɖe afi ma sẽe, de ta agu, eye wòkafu Yehowa gblɔ be, “Yehowa Mawu, nye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu, meda akpe na wò be nève nye aƒetɔ nu, eye nèwɔ wò ŋugbedodo dzi nɛ be nèkplɔm tẽe va do ɖe nye aƒetɔ ƒe ƒometɔwo dome.” Ɖetugbi la ƒu du yi aƒe me be yeaka nya la ta na yeƒe amewo. Nɔviŋutsu aɖe nɔ Rebeka si. Eŋkɔe nye Laban. Esi wòkpɔ togɛ la kple alɔnugɛ la le nɔvia nyɔnu ƒe abɔ, eye wòse Rebeka ƒe ɖaseɖiɖi tso nya si ŋutsu la gblɔ nɛ ŋuti ko la, eɖe abla yi ŋutsu la gbɔ le tsikuƒe la. Ekpɔe wòtsi tsitre ɖe kposɔawo gbɔ. Egblɔ na ŋutsu la be, “Va, wò ame si Yehowa yra. Nu ka ta nèle tsitre ɖe afi sia ɖo? Medzra teƒe ɖo ɖe aƒea me na wò kple wò kposɔawo.” Ale aƒedzikpɔla la dze Laban yome yi aƒe me, eye woɖe agba na kposɔawo. Laban na gbe ƒuƒu aƒedzikpɔla la be wòana kposɔawo. Emegbe la, ena tsi aƒedzikpɔla la kple ŋutsu siwo kplɔe ɖo la be woaklɔ afɔ. Wona fiẽnuɖuɖu wo, ke aƒedzikpɔla la gblɔ be, “Nyemedi be maɖu naneke o va se ɖe esime magblɔ nu si ta meva afi sia ɖo la na mi.” Laban gblɔ be, “Enyo, ka nya la ta na mí.” Egblɔ be, “Abraham ƒe subɔlae menye. Yehowa kɔ yayra geɖewo ɖe nye aƒetɔ dzi, eye wòzu amegã aɖe le anyigba si dzi wòle la. Mawu na alẽwo, nyiwo, klosalo, sika, kluviwo, kposɔwo kple tedziwoe. Azɔ esi nye aƒetɔ srɔ̃, Sara, tsi ŋutɔ la, edzi viŋutsu na nye aƒetɔ, eye nye aƒetɔ tsɔ eƒe nu sia nu nɛ. Nye aƒetɔ na medo ŋugbe nɛ heka atam ɖe nya si wògblɔ nam dzi be, ‘Megaɖe srɔ̃ na vinye tso Kanaantɔ, siwo ƒe anyigba dzi mele la ƒe nyɔnuviwo dome o, ke boŋ yi nye ƒometɔwo gbɔ le teƒe bubu, eye nàkplɔ ɖetugbi aɖe tso afi ma vɛ na vinye wòaɖe.’ “Mebia nye aƒetɔ hã be, ‘Ke ne nyemekpɔ ɖetugbi si alɔ̃ be yeava o ɖe?’ “Eɖo eŋu nam be, ‘Ɖetugbi la alɔ̃ be yeava, elabena Yehowa, ame si ŋkume mezɔ le la ana eƒe dɔla nazɔ kple wò, eye wòana nu si ta nèyi la naka asiwò. Ɛ̃, di ɖetugbi aɖe tso nye amewo dome, tso nɔvinyeŋutsua ƒe aƒemetɔwo dome. Le wò atamkaka ta la, ele na wò be nàyi aɖabia. Ne womaɖo ame aɖeke ɖa o la, ekema èvo tso wò atamkaka la me.’ “Ɣetrɔ sia, esi meva ɖo vudo la to la, medo gbe ɖa be, ‘O, Yehowa, nye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu, ne èdi be nye asi naka nu si ta meva afi sia ɖo la, meɖe kuku, kplɔm ale. Mele afi sia, le vudo sia to. Magblɔ na ɖetugbi aɖe si ava tsi ku ge la be, “Meɖe kuku, na tsim mano,” eye wòaɖo eŋu nam be, “Mana tsi wò faa, eye mana tsi wò kposɔawo hã!” Na ɖetugbi ma nanye esi wò Yehowa, nètia be wòanye nye aƒetɔ ƒe vi srɔ̃.’ “Esi menɔ nya siawo gblɔm la, Rebeka gbɔna ɖaa, tsikuze nɔ abɔta nɛ. Eyi ɖaku tsi le vudo la me ɖe tsikuze la me. Megblɔ nɛ be, ‘Meɖe kuku, na tsim mano.’ “Eɖiɖi tsikuze la ɖe anyi enumake be manoe, eye wògblɔ be. ‘Amegã, mana tsi wò kposɔwo hã!’ Ke menoe, eye wòna nye kposɔwo hã. “Mebiae be, ‘Ame ka ƒe vie nènye?’ “Egblɔ nam be, ‘Fofonyee nye Betuel, Nahor kple srɔ̃a Milka ƒe vi.’ “Eya ta metsɔ asigɛ kple alɔnugɛwo nɛ. Emegbe la, mede ta agu, eye mekafu Yehowa, nye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu la, elabena ekplɔm to mɔ nyuitɔ dzi be meke ɖe ɖetugbi aɖe ŋu tso nye aƒetɔ nɔviŋutsu ƒe vinyɔnuwo dome, eya ta migblɔ nu si dzi mieɖo kpee la nam. Ɖe miave nye aƒetɔ nu loo alo miave enu awɔ nu si dze la oa? Ne mieɖo eŋu nam la, ekema manya afɔ si magaɖe, ato miame loo alo ɖusime.” Laban kple Betuel ɖo eŋu be, “Eme kɔ ƒãa be Yehowa ŋutɔe kplɔ wò va afi siae, eya ta nya aɖeke mele mía si o. Kplɔe yi, eye wòazu wò aƒetɔ ƒe vi srɔ̃ abe ale si Yehowa gblɔe ene.” Le ŋuɖoɖo sia ta la, Abraham ƒe aƒedzikpɔla dze klo ɖe Yehowa ŋkume, eye wòsubɔe. Emegbe la, eɖe sikanuwo kple klosalonuwo kpakple awu nyuiwo na Rebeka, eye wòtsɔ nunana xɔasi vovovowo na dadaa kple nɔvia ŋutsu hã. Emegbe la, woɖu nu, no nu dzidzɔtɔe eye Abraham ƒe aƒedzikpɔla la kple eƒe amewo tsi afi ma dɔ. Ke esi ŋu ke ŋdi kanya la, aƒedzikpɔla la gblɔ na wo be, “Mina matrɔ ayi nye aƒetɔ gbɔ!” Rebeka dada kple nɔvia gblɔ be, “Míedi be Rebeka naganɔ mía gbɔ ŋkeke ewo lɔƒo teti, ekema ate ŋu ayi.” Ke aƒedzikpɔla la ɖe kuku be, “Migaxe mɔ na nye tɔtrɔ o. Yehowa ŋutɔ na nu si ta meva la dze edzi nam, eye medi be mayi aɖana akɔnta nye aƒetɔ.” Wogblɔ be, “Enyo, míayɔ ɖetugbi la abia gbee.” Ale woyɔ Rebeka, eye wobiae be, “Èlɔ̃ be yeadze ŋutsu sia yomea?” Rebeka ɖo eŋu be, “Ɛ̃, mayi.” Ale wodo hedenyui nɛ, eye woɖe nyɔnu si kpɔ edzi tso ɖevime la kpe ɖe eŋu, hekpe ɖe Abraham ƒe dɔla kple eŋumewo ŋuti. Le kaklãɣi la, woyrae kple nya siawo: “Mía nɔvi lɔlɔ̃a, nadzi ame akpe akpewo wò dzidzimeviwo naɖu woƒe futɔwo katã dzi.” Ale Rebeka kple eƒe dɔlanyɔnuwo de kposɔawo dzi, eye wodzo kple Abraham ƒe aƒedzikpɔla la. Fifia Isak, ame si ƒe aƒe le Negeb la, trɔ va Ber Lahai Roi. Gbe ɖeka fiẽ esi wònɔ tsa ɖim le gbedzi nɔ gbe dom ɖa la, ekpɔ kposɔwo gbɔna ɖa. Rebeka kpɔe ɖa, eye wòɖi enumake le kposɔ la dzi. Rebeka bia aƒedzikpɔla la be, “Ame kae ma le zɔzɔm le gbedzi gbɔna mía kpe ge?” Eɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ ƒe viŋutsue!” Ale Rebeka tsɔ motsyɔnu tsyɔ mo. Tete aƒedzikpɔla la gblɔ ŋutinya blibo la na Isak. Isak kplɔ Rebeka de dadaa ƒe agbadɔ me, eye wòzu srɔ̃a. Isak lɔ̃ srɔ̃a ŋutɔ, eye Rebeka zu akɔfafa tɔxɛ nɛ le dadaa ƒe ku megbe. Abraham ƒe ŋkeke mamlɛtɔwo Abraham gaɖe srɔ̃ bubu, ame si ŋkɔe nye Ketura. Edzi Zimram, Yoksan, Medan, Midian, Isbak kple Sua na Abraham. Yoksan dzi Seba kple Dedan. Dedan ƒe viŋutsuwoe nye: Asurim, Letusim kple Leunim. Midian ƒe viŋutsuwoe nye: Efa, Efer, Hanok, Abida kple Elda. Woawoe nye Abraham kple srɔ̃a evelia, Ketura ƒe dzidzimeviwo. Abraham tsɔ eƒe nuwo katã na Isak; ke ena nu vi siwo eƒe ahiãviwo dzi nɛ la hã, eye wòɖo wo ɖe ɣedzeƒe lɔƒo, ale be womanɔ teƒe ɖeka kple Isak o. Abraham ƒe agbenɔƒewo katã nɔ ƒe alafa ɖeka blaadre-vɔ-atɔ̃. Abraham mia nu, eye eƒe agbe nu tso le ƒe geɖe xɔxɔ megbe. Enɔ agbe wòde edeƒe, eye wòyi ɖe tɔgbuiawo gbɔ. Via ŋutsuwo, Isak kple Ismael, ɖii ɖe kpeto la me le Makpela si te ɖe Mamre ŋu, le Hititɔ Efron, Zoha ƒe vi ƒe anyigba dzi. Teƒe siae Abraham ƒle le Hititɔ la si; afi mae woɖi Abraham kple srɔ̃a ɖo. Le Abraham ƒe ku megbe la, Mawu kɔ yayra geɖewo ɖe Isak dzi. Fifia Isak ʋu yi ɖanɔ Beer Lahoi Roi. Abraham ƒe vi Ismael Esia nye Ismael, Abraham ƒe viŋutsu, ame si Hagar, Egiptetɔ si nye Sara ƒe dɔlanyɔnu dzi na Abraham la ƒe ŋutinya. Ismael ƒe viwoe nye: Nebayɔt, ame si nye via tsitsitɔ, Kedar, Adbel, Mibsam, Misma, Duma, Masa, Hadad, Tema, Yetur, Nafis kple Kedema. Viŋutsu wuieve siawo nye Ismael vi siwo va zu fia na to wuieveawo, eye wotsɔ woƒe ŋkɔwo na toawo. Mlɔeba la, Ismael va ku le esime wòxɔ ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃-vɔ-adre, eye woɖii ɖe tɔgbuiawo gbɔ. Ismael ƒe dzidzimevi siawo kaka ɖe anyigba dzi tso Havila va se ɖe Sur si te ɖe Egipte ƒe liƒowo ŋu le Asiria gome. Wowɔa aʋa edziedzi kple wo nɔewo. Esau kple Yakob Abraham ƒe vi Isak ƒe dzidzimeviwo ƒe ŋutinya yi ale. Abraham ye dzi Isak. Isak xɔ ƒe blaene esi wòɖe Rebeka, ame si nye Betuel, Arameatɔ tso Padan Aram, Laban nɔvinyɔnu ƒe vi. Isak ɖe kuku na Yehowa be wòana vi ye kple Rebeka, elabena le ƒe geɖewo ƒe srɔ̃gbenɔnɔ me la, womedzi vi o. Mlɔeba la, Rebeka va fɔ fu. Edze na Rebeka abe ɖevi evee nɔ avu wɔm le eƒe dɔ me ene! Egblɔ be, “Nyemate ŋu ado dzi anɔ te ɖe nu sia nu o.” Ale wòbia gbe Yehowa tso eŋu. Yehowa gblɔ nɛ be, “Viŋutsu eve siwo le dɔ me na wò la azu dukɔ eve siwo aʋli ho kple wo nɔewo. Ɖeka asesẽ wu evelia, eye tsitsitɔ azu subɔla na ɖevitɔ.” Le nyateƒe me la, edzi evenɔviwo. Ɖa dzĩ nɔ gbãtɔ ŋu abe lãfuwue wòdo ene! Ale woyɔe be “Esau.” Wodzi ɖevi evelia wòlé Esau ƒe afɔkpodzi ɖe asi. Nu sia tae wona ŋkɔe be Yakob si gɔmee nye, “Nuhala” ɖo. Isak xɔ ƒe blaade esi wòdzi evenɔviawo. Esau dzra eƒe ŋgɔgbevinyenye Esi ɖeviawo tsi la, Esau zu adela xɔŋkɔ aɖe, ke Yakob ya zu ame fafa aɖe si lɔ̃a aƒemenɔnɔ. Ɖeviawo dometɔ si Isak lɔ̃ wu lae nye Esau, le adelã si wòtsɔna vaa aƒe mee ta; ke esi Rebeka lɔ̃ wu lae nye Yakob. Gbe ɖeka la, Yakob nɔ detsi ƒom esime Esau gbɔ tso adegbe. Esau bia Yakob be, “Nɔvinye, dɔ le wuyem vevie. Na wò akplẽdzĩ aɖem maɖu.” Esia ta wona megbeŋkɔe be “Edom” si gɔmee nye “Akplẽdzĩ.” Yakob ɖo eŋu be, “Enyo, ekema tsɔ wò ŋgɔgbevinyenye nam, eye nàxɔ akplẽdzĩ la.” Esau gblɔ be, “Ne dɔ le ame aɖe wum wòɖo kudo nu ɖe, viɖe kae gale eƒe ŋgɔgbevinyenye ŋu nɛ?” Yakob xɔ edzi gblɔ be, “Enyo, ekema ka atam na Mawu be ŋgɔgbevinyenye la zu tɔnye.” Esau ka atam, eye wòto esia me dzra eƒe ŋgɔgbevinyenye la na nɔvia suetɔ, eye Yakob tsɔ abolo, ayi kple dedetsi na Esau wòɖu, no tsi ɖe edzi, eye wòyi eƒe wɔnawo dzi. Ke Esau metsɔ ɖeke le eme be yeɖe asi le yeƒe ŋgɔgbevinyenye ŋuti nenema o. Isak kple Fia Abimelek Dɔ gã aɖe to ɖe anyigba la dzi abe ale si wòto le Abraham ŋɔli ene. Ale Isak ʋu yi Gerar, afi si Abimelek, Filistitɔwo ƒe fia nɔ. Yehowa ɖe eɖokui fiae le afi ma gblɔ nɛ be, “Mègayi Egipte o. Wɔ nu si magblɔ na wò la, eye nànɔ afi sia le anyigba sia dzi. Ne èwɔ nye gbe dzi la, manɔ kpli wò, eye mayra wò. Matsɔ anyigba sia katã ana wò kple wò dzidzimeviwo abe ale si medo ŋugbe na fofowò, Abraham ene. Mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe ɣletiviwo ene! Matsɔ anyigba siawo katã ana wò, eye wòanye yayra na dukɔwo katã le xexea me. Mawɔ esia, elabena Abraham wɔ nye sewo kple ɖoɖowo katã dzi.” Eya ta Isak nɔ Gerar. Esi Gerar ŋutsuwo bia gbee tso Rebeka ŋu la, egblɔ be, “Nɔvinye nyɔnue!” Ewɔ esia, elabena evɔ̃ be ne yeʋu eme be ye srɔ̃e la, woawu ye be yewoaxɔe, elabena edze tugbe ŋutɔ. Ke le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Abimelek, Filistitɔwo ƒe fia do mo ɖe fesre nu, eye wòkpɔ ale si Isak kple Rebeka nɔ fefe fem. Abimelek dɔ ame ɖe Isak, eye wòhe nya ɖe eŋu be, “Srɔ̃wòe nye Rebeka! Nu ka ta nègblɔ be ye nɔvie ɖo?” Isak ɖo eŋu be, “Elabena mevɔ̃ be woava wum, axɔ Rebeka aɖe.” Abimelek biae be, “Aleke nàte ŋu awɔ nu sia ɖe mía ŋu? Ame aɖe ate ŋu awɔ ahasi kplii le esime menya be srɔ̃tɔe o, eye wòahe dzɔgbevɔ̃e va mía dzi.” Abimelek ɖe gbeƒã be, “Ame sia ame si awɔ nu masɔmasɔ aɖe ɖe ame sia alo srɔ̃a ŋu la aku.” Le ƒe ma me la, Isak ƒe nukuwo ʋã ŋutɔ; nuku ɖe sia ɖe si wòƒã la tse ku geɖe, elabena Yehowa yrae. Ezu kesinɔtɔ gã aɖe, eye eƒe kesinɔnuwo ganɔ dzidzim ɖe edzi ko. Eƒe lãhawo sɔ gbɔ ŋutɔ, eye subɔla geɖewo hã nɔ esi. Ale Filistitɔwo de asi ŋuʋaʋãe me. Woxe eƒe vudo siwo katã fofoa Abraham ƒe subɔlawo ɖe la. Fia Abimelek nya Isak le eƒe anyigba dzi. Egblɔ nɛ be, “Dzo yi teƒe bubu, elabena èzu kesinɔtɔ eye ŋusẽ le asiwò wu mí azɔ.” Ale Isak ʋu yi Gerar ƒe balime, eye wònɔ afi ma koŋ. Isak gbugbɔ fofoa Abraham ƒe vudo siwo Filistitɔwo xe le fofoa ƒe ku megbe la ɖe, eye wògbugbɔ ŋkɔ siwo fofoa na wo la tsɔ na wo. Eƒe alẽkplɔlawo hã ɖe vudo yeye aɖe ɖe Gerar ƒe balime, eye woke ɖe tsi dzidzi ŋu le anyigba ƒe tume. Ke alẽkplɔla siwo nye Gerartɔwo la dze go ɖe vudoa dzi. Wohe nya kple Isak ƒe alẽkplɔlawo gblɔ be, “Míaƒe anyigba kple míaƒe vudoe.” Ale wona ŋkɔ vudoa be, “Nyahehevudo.” Isak ƒe amewo gaɖe vudo bubu, ke ʋiʋli gaɖo esia hã ŋu, eya ta wona ŋkɔ vudo la be, “Dɔmedzoevudo.” Isak ɖe asi le vudo sia hã ŋu, eye wògaɖe bubu. Ke afi ma tɔwo megabia nya aɖekee o. Nu sia na wona ŋkɔ vudo sia be Rehobot si gɔmee nye “Teƒe Li Na Mí Azɔ.” Eya ta egblɔ be, “Elabena mlɔeba la, Yehowa di teƒe na mí, eye míaɖe ɖɔ.” Esi wòyi Beerseba la, Yehowa ɖe eɖokui fiae le zã si me wòɖo afi ma la, eye wògblɔ nɛ be, “Nyee nye fofowò Abraham ƒe Mawu, mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò, eye mayra wò. Mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ ale gbegbe be woazu dukɔ gã aɖe le nye ŋugbedodo na Abraham, ame si ɖo tom la ta.” Isak ɖi vɔsamlekpui, eye wòsubɔ Yehowa. Eʋu va tsi afi ma, eye eƒe subɔlawo ɖe vudo ɖi. Gbe ɖeka la, Isak xɔ amedzro aɖewo tso Gerar. Ame siawo nye Fia Abimelek kple eƒe aɖaŋudela Ahuzat kple eƒe aʋafia Pixol. Isak bia wo be, “Nu ka ta mieva gbɔnye ɖo? Esi mienyam le miaƒe anyigba dzi ɖe madzɔmadzɔ dzi ɖe, nu ka wɔ ge mieva.” Woɖo eŋu be, “Míekpɔe dze sii kɔtɛe be Yehowa le yrawòm. Míedi be atamkaka nanɔ mía dome. Do ŋugbe na mí be yemawɔ nuvevi mí abe ale si míewɔ nuvevi wò ene o. Le nyateƒe me la, nyui ko míewɔ na wò; ɖeko míena nèdzo le ŋutifafa me. Míeyra wò le Yehowa ƒe ŋkɔ me.” Ale Isak ɖo kplɔ̃ gã aɖe na wo, woɖu nu, no nu abe dzadzraɖo na nubabla la ƒe wɔnawo ene. Esi ŋu ke ŋdi kanya la, woka atam na wo nɔewo be yewomatsi tsitre ɖe yewo nɔewo ŋu o. Emegbe Isak do mɔ wo, eye wodzo yi aƒe kple dzidzɔ. Gbe ma gbe ke Isak ƒe subɔlawo va gblɔ nɛ be, “Míeke ɖe tsi ŋu le vudo si ɖem míele la me.” Eya ta Isak na ŋkɔ vudo la be, “Atamvudo.” Eya ta woyɔa du si wotso ɖe afi ma la be Beerseba va se ɖe egbe. Esi Esau xɔ ƒe blaene la, eɖe Hititɔ Beeri ƒe vinyɔnu Yudit, eye wògaɖe Hititɔ Elon ƒe vinyɔnu Basemat. Ke Isak kple Rebeka mekpɔ dzidzɔ le Esau ƒe srɔ̃ siawo ɖeɖe ŋu o. Isak yra Yakob ɖe Esau teƒe Esi Isak tsi ku amegã belibeli, eye megate ŋu nɔ nu kpɔm tututu o la, eyɔ via tsitsitɔ Esau gbe ɖeka. Eyɔe be, “Vinye.” Esau tɔ be, “Nyee nye esi.” Isak yi edzi gblɔ be, “Fifia metsi, eye menya be mate ŋu aku ɣe sia ɣi tso fifia dzi. Tsɔ wò da kple datiwo nàyi gbe me, eye nàwu lã aɖe tsɔ gbɔe. Ne ègbɔ la, nàɖa nu nyui si tɔgbi melɔ̃a ɖuɖu la nam. Tsɔe vɛ nam maɖu, be mayra wò, vinye ŋutsuvi gbãtɔ hafi maku.” Ke Rebeka fi nya si Isak gblɔ na via Esau la se. Ale esi Esau dzo yi adegbe be yeadi lã aɖe awu la, Rebeka yɔ via Yakob, eye wògblɔ nɛ be, “Mese fofowò gblɔ na nɔviwò be, ‘Di adelã nàɖa nui nam maɖu, eye mayra wò le Yehowa ŋkume hafi maku.’ ” Rebeka yi edzi gblɔ be, “Vinye, ɖo tom, eye nàwɔ nu si magblɔ na wò la tututu. Yi lãhawo me, eye nàlé gbɔ̃ eve siwo metsi tututu o la vɛ nam ne matsɔ wo aɖa nu si vivia fofowò nu la nɛ. Àtsɔ nuɖuɖu la ayi na fofowò wòaɖu. Ne eɖui vɔ la, ayra wò boŋ ɖe fowò Esau teƒe hafi aku.” Ke Yakob gblɔ na dadaa be, “Enyo pɛ, gake fonye Esau to fu ɖe ŋuti, ke nye la, nye ŋutigbalẽ zrɔ̃. Nya kae adzɔ ne fofonye ali asi ŋunye? Abu be ɖe medi be mado lã ye, eye wòaƒo fi adem le esime wòayram teƒe!” Rebeka gblɔ na via be, “Vinye lɔlɔ̃a, na eƒe fiƒode nava dzinye. Wò ya wɔ nu si megblɔ na wò la. Yi nàlé gbɔ̃awo vɛ.” Ale Yakob zɔ ɖe dadaa ƒe ɖoɖowo dzi. Ewu gbɔ̃awo, ko wo nyuie, eye dadaa tsɔ lã la ɖa nu si vivia Isak nu. Le esia megbe la, Rebeka tsɔ Esau ƒe awu nyuitɔwo, eye wòna Yakob do wo. Etsɔ gbɔ̃awo ƒe agbalẽwo wɔ asiwuiwo, eye wòtsɔ gbɔ̃gbalẽ la ƒe ɖe wɔ kawo tsi ɖe asiwuiawo ŋu heku kɔ na Yakob. Etsɔ lã si nɔ ʋeʋẽm lĩlĩlĩ kple abolo si wome teti la nɛ. Yakob tsɔ nuɖuɖua yi na fofoa hegblɔ be, “Fofonye.” Eɖo eŋu bena, “Nyee nye si, vinye kae nye ema?” Yakob ɖo eŋu be, “Nye Esau, viwò tsitsitɔe. Mewɔ nu si nèɖo nam be mawɔ la. Nuɖuɖu nyui si nèdi lae nye esi. Fɔ nàɖui eye nàyram.” Enumake Isak gblɔ be, “Vinye, aleke nèwɔ hafi wò asi ka lã kaba ale?” Yakob ɖo eŋu be, “Yehowa, wò Mawu lae kpe ɖe ŋunye.” Isak gblɔ na Yakob be, “Te ɖe ŋunye. Medi be mali asi ŋuwò, ale be maka ɖe edzi be Esau tututue!” Yakob te ɖe fofoa ŋu, eye wòli asi eŋu. Isak gblɔ na eɖokui be, “Gbe la nye Yakob tɔ, gake asiawo nye Esau tɔ!” Isak di be yeayra Yakob, gake egabia be, “Woe nye Esau nyateƒea?” Ke Yakob ɖo eŋu be, “Nyee!” Isak gblɔ be, “Vinye, ekema tsɔ nuɖuɖu la vɛ nam. Ne meɖui vɔ la, ekema mayra wò.” Yakob tsɔ nuɖuɖu la na fofoa wòɖu, eye wòno wain si Yakob tsɔ kpe ɖe nuɖuɖua ŋu la. Emegbe Isak gblɔ be, “Vinye, te ɖe ŋunye, eye nàgbugbɔ nu nam!” Yakob te ɖe fofoa ŋu, eye wògbugbɔ eƒe alɔgo. Ʋeʋẽ si Isak se le awu siwo Yakob do me la na wòbu be Esaue. Eyrae hegblɔ be, “Ehɛ̃, Vinye ƒe ʋeʋẽ sɔ kple ʋeʋẽ nyui si dona tso anyigba kple agble si Yehowa yra la ene. Mawu nana dziƒozãmu nadza ɖe wò nukuwo dzi ɣe sia ɣi, eye wòana bli kple wain yeye nasɔ gbɔ na wò. Dukɔ geɖewo nazu kluviwo na wò. Àzu aƒetɔ ɖe nɔviwòwo dzi. Wò ƒometɔwo katã nade ta agu na wò. Woaƒo fi ade ame sia ame si aƒo fi de wò la, ke woayra ame sia ame si ayra wò la.” Esau va dze si Yakob ƒe amefuflu Esi Isak yra Yakob vɔ teti, eye Yakob do go le fofoa ƒe xɔ me la, Esau gbɔ tso adegbea. Eya hã ɖa nu si fofoa lɔ̃a ɖuɖu la, eye wòtsɔe yi nɛ. Esau gblɔ be, “Fofonye, metsɔ nuɖuɖu la vɛ na wò. Fɔ nàɖu nua, eye nàyram!” Isak bia be, “Wò ame kae?” Esau ɖo eŋu be, “Nyee! Nye Esau, viwò ŋutsu tsitsitɔe!” Isak de asi ƒoƒo me kpakpakpa. Egblɔ be, “Ekema ame kae tsɔ nuɖuɖu vɛ nam fifi laa meɖu, eye meyrae kple yayra si womagate ŋu aɖe ɖa o la?” Esau de asi avifafa me hehehe. Egblɔ be, “Oo fofonye, yram! Yra nye hã!” Isak ɖo eŋu be, “Nɔviwò va flum, eye wòxɔ wò yayra.” Esau gblɔ kple vevesese be, “Nu sia tututu tae woyɔe be Yakob si gɔmee nye ‘Amebala’ ɖo. Exɔ nye ŋgɔgbevinyenye le asinye, eye wògafi nye yayra hã. Oo, fofonye, yayra aɖeke megale asiwò nànam oa?” Isak ɖo eŋu gblɔ be, “Mewɔe wòzu aƒetɔ ɖe dziwò, metsɔ nɔviawo katã wɔ eƒe dɔlawoe, eye metsɔ bli kple wain hã nɛ. Nu kae gali matsɔ ana wò.” Esau xɔ nya la dzi gblɔ na fofoa be, “Yayra aɖeke mesusɔ nàtsɔ nam oa? Oo, fofonye yra nye hã!” Esau gade asi avifafa me, ke fofoa meke nu o. Mlɔeba la, Isak gblɔ na Esau be, “Manɔ anyigba wɔnuku aɖeke dzi o, eye zãmu hã madza na wò akpɔ o. Wò yi anyi wò eye àsubɔ nɔviwò va se ɖe ɣeyiɣi aɖe, ke emegbe la, àva do le ete, eye nàkpɔ ablɔɖe.” Ale Esau lé fu nɔvia Yakob ɖe eƒe yayra si fofoa tsɔ nɛ la ta. Egblɔ na eɖokui be, “Esusɔ vie fofonye naku, ekema mawu Yakob.” Ke ame aɖe va nya nu tso Esau ƒe tameɖoɖo ŋu, eye wòɖo afɔ afɔta na Rebeka. Eya ta Rebeka yɔ Yakob, eye wògblɔ nɛ be, “Esau le nugbe ɖom ɖe wò agbe ŋuti.” Rebeka yi edzi be, “Nu si nàwɔ fifia lae nye be nàsi ayi nyruiwò Laban gbɔ le Haran. Nɔ afi ma va se ɖe esime nɔviwò ƒe dɔmedzoe nu nafa, eye wòaŋlɔ nu si nèwɔ ɖe eŋu la be. Ekema maɖo du ɖe wò, elabena manyo be mi ame evea siaa miabu ɖem gbe ɖeka o.” Emegbe la, Rebeka gblɔ na Isak be, “Hiti ɖetugbiwo ƒe nya tim. Malɔ̃ be maku tsɔ wu be makpɔ Yakob wòaɖe wo dometɔ ɖeka.” Isak ɖo Yakob ɖe Laban gbɔ Isak yɔ Yakob, yrae, eye wògblɔ nɛ be, “Mègaɖe Kanaan nyɔnu siawo dometɔ aɖeke o, ke boŋ yi Padan Aram enumake, eye nàge ɖe tɔgbuiwò Betuel ƒe aƒe me, eye nàɖe nɔviwò siwo nye nyruiwò, Laban vinyɔnuwo la dometɔ ɖeka. Mawu Ŋusẽkatãtɔ nayra wò, ana viwòwo nasɔ gbɔ, eye nàzu dukɔ gã aɖe! Mawu nana yayra gã siwo ŋugbe wòdo na Abraham la nava wò kple wò dzidzimeviwo dzi. Anyigba si dzi míele fifia abe amedzrowo ene la nazu tɔwò, elabena Mawu tsɔe na Abraham.” Ale Isak na Yakob yi Padan Aram be wòakpɔ nyruia Laban, ame si nye Betuel Arameatɔ la ƒe viŋutsu eye wòganye Yakob kple Esau dadaa Rebeka nɔviŋutsu la ɖa. Esau kpɔ be ye fofo Isak yra Yakob, eye wòɖoe ɖe Padan Aram be wòaɖe srɔ̃ le afi ma, ke ede se na Yakob be, “Megaɖe Kanaan nyɔnu o.” Yakob ɖo to fofoa kple dadaa, eye wòyi Padan Aram. Esau de dzesii be Kanaan nyɔnuawo medze ye fofo Isak ŋu o. Ale Esau yi etɔgã, Ismael ƒe ƒome me, eye wòɖe srɔ̃ bubu eve tso afi ma kpe ɖe srɔ̃ siwo nɔ esi xoxo la ŋu. Srɔ̃ yeye siawo dometɔ ɖekae nye Mahalat, Nebayɔt nɔvi kple Ismael si nye Abraham ƒe viŋutsu la ƒe vinyɔnu. Yakob ku drɔ̃e le Betel Yakob dzo le Beerseba, eye wòɖo ta Haran. Esi zã do la, etsi teƒe aɖe dɔ, eye wòziɔ kpe aɖe abe suɖui ene be yeadɔ alɔ̃. Eku drɔ̃e kpɔ atsrɔe aɖe si didi tso anyigba yi ɖatɔ dziƒo, eye wòkpɔ mawudɔlawo nɔ eliam ganɔ ɖiɖim. Ekpɔ Yehowa wònɔ atsrɔe la tame, eye wògblɔ be, “Nyee nye Yehowa, Abraham ƒe Mawu kple fofowò Isak ƒe Mawu. Anyigba si dzi nèmlɔ la, matsɔe ana wò kple wò dzidzimeviwo, elabena wò dzidzimeviwo asɔ gbɔ abe ʋuʋudedi ene! Woakaka ɖe anyigba dzi tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe, tso anyiehe yi dziehe, eye woayra dukɔwo katã le xexea me to wò kple wò dzidzimeviwo dzi. Gawu la, meli kpli wò, makpɔ tawò le afi sia afi si nàyi la, eye makplɔ wò nàgbɔ ava anyigba sia dzi dedie. Manɔ kpli wò va se ɖe esime matsɔ nu siwo katã ŋugbe medo na wò la ana wò.” Esime Yakob nyɔ tso alɔ̃ me la, egblɔ be, “Vavã, Yehowa le afi sia, gake nyemenya o.” Egblɔ be, “Aleke gbegbe teƒe sia dzi ŋɔe! Teƒe sia menye teƒe bubu aɖeke wu Mawu ƒe aƒe o. Esiae nye dziƒogbo la.” Yakob fɔ ŋdi kanya, ɖi kpe si wòziɔ la abe ŋkuɖodzikpe ene, eye wòkɔ ami ɖe edzi. Ena ŋkɔ teƒea be Betel si gɔmee nye “Mawu ƒe Aƒe.” Tsã la, woyɔ du si te ɖe afi ma ŋu la be Luz. Yakob ɖe adzɔgbe na Mawu be, “Ne Mawu ave nunye, akpɔ tanye le nye mɔzɔzɔ sia me, ana nuɖuɖu kple nutatam, eye wòakplɔm magbɔ ava fofonye gbɔ dedie la, ekema matia Yehowa abe nye Mawu ene! Ŋkuɖodzikpe sia azu mawusubɔƒe, eye matsɔ nu sia nu si nànam la ƒe ewolia ana wò!” Yakob do go Rahel Yakob yi eƒe mɔzɔzɔ dzi, eye wòva ɖo ɣedzeƒenutowo me. Ekpɔ alẽha etɔ̃ wotsyɔ akɔ anyi ɖe gbe dzi le vudo aɖe to, nɔ lalam be woana tsi yewo yewoano. Ke wotsɔ kpe gã aɖe tu vudoa nu. Enye woƒe kɔnu be womahe kpea ɖa o va se ɖe esime alẽhawo katã nava ɖo afi ma. Ne wona tsi alẽhawo katã wono vɔ la, wogamlia kpe la ɖoa vudo la nu. Yakob te ɖe alẽkplɔlawo ŋu, eye wòbia wo be, “Nɔvinyewo, afi ka míetso?” Woɖo eŋu be, “Míetso Haran.” Yakob bia be, “Mienya ame aɖe si woyɔna be Laban, eye wònye Nahor ƒe via?” Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, míenyae.” Egabia wo be, “Eli nyuiea?” Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, eli nyuie, eye nuwo dze edzi nɛ. Kpɔ ɖa, via nyɔnu, Rahel kplɔ alẽwo gbɔnae.” Yakob gabia wo be, “Nu ka ta miana tsi alẽawo ale be woate ŋu agatrɔ ayi gbeɖuƒe o ɖo? Elabena zã medo haɖe o; ne mieƒo ƒu wo ɖe afi sia fifia la, dɔ awu wo.” Woɖo eŋu nɛ be, “Míemlia kpea ɖa o va se ɖe esime alẽhawo kple alẽkplɔlawo katã va ƒo ƒu ɖe afi sia.” Esi wonɔ nya siawo gblɔm la, Rahel va ɖo kple fofoa ƒe alẽwo, elabena alẽkplɔla wònye. Esi Rahel nye Yakob dadaa nɔviŋutsu Laban ƒe vi, eye alẽawo nye Yakob nyrui tɔ ta la, Yakob yi vudo la gbɔ, mli kpea ɖa, eye wòna tsi nyruia ƒe alẽwo. Yakob gbugbɔ nu na Rahel, eye Yakob de asi avifafa me. Yakob gblɔ na Rahel be fofoa ƒe ƒometɔ kple Rebeka ƒe viŋutsu yenye. Ale Rahel ƒu du yi ɖagblɔ nya la na fofoa. Esi Laban se nya sia tso Yakob, nɔvia nyɔnu ƒe viŋutsu ŋu la, eɖe abla yi ɖakpee. Ekpla asi kɔ nɛ, gbugbɔ nu nɛ, kplɔe yi aƒe me, eye Yakob gblɔ nyawo katã nɛ le afi ma. Yakob ɖe nɔvinyɔnu eve Laban gblɔ be, “Kpɔ ɖa, nye ŋutɔ nye ŋutilã kple ʋue nènye.” Esi Yakob nɔ Laban gbɔ ɣleti ɖeka la, Laban gblɔ nɛ gbe ɖeka be, “Menye esi nye kple wò míenye ƒometɔwo ta nàwɔ dɔ nam dzodzro o. Ho neni maxe na wò?” Vinyɔnu eve nɔ Laban si. Tsitsitɔ ŋkɔe nye Lea, eye ɖevitɔ ŋkɔe nye Rahel. Lea ƒe ŋkuwo nya kpɔna, eye Rahel ya dze tugbe ŋutɔ. Rahel ƒe nu nyo Yakob ŋu, eya ta Yakob gblɔ na Laban be, “Ne àtsɔ Rahel nam maɖe la, ekema mawɔ dɔ na wò ƒe adre.” Laban ɖo eŋu be, “Melɔ̃. Enyo nam be matsɔe na wò boŋ wu be matsɔe na ame bubu aɖe si medo ƒome kplim o.” Ale Yakob subɔ ƒe adre ɖe Rahel ta. Ke ƒe adreawo ɖi ŋkeke ʋɛ aɖewo ko le eŋkume, elabena elɔ̃ Rahel ŋutɔ. Mlɔeba la, ɣeyiɣi la de be wòaɖee. Yakob gblɔ na Laban be, “Mewɔ nu si nèɖo nam la, eya ta ele na wò azɔ be nàɖe asi le srɔ̃nye ŋu nam madɔ kplii.” Ale Laban ɖo kplɔ̃ gã aɖe, eye wòkpe ŋutsu siwo katã nɔ dua me la be woakpɔ dzidzɔ kple Yakob. Emegbe le zã me la, Laban kplɔ Lea yi na Yakob, eye Yakob dɔ egbɔ. Laban tsɔ eƒe kosi Zilpa na Lea be wòanye eƒe dɔlanyɔnu. Ke esi ŋu ke la, Yakob kpɔ be Lea boŋ wona yeɖe! Yakob do dɔmedzoe, eye wòbia Laban be, “Amefuflu ka tɔgbie nye esia? Mesubɔ ƒe adre ɖe Rahel ta! Nu sia gɔme ɖe?” Laban ɖo eŋu be, “Mesɔ ɖe míaƒe kɔnyinyi nu be woaɖe ɖetugbi suetɔ gbã hafi woaɖe tsitsitɔ o. Lala ne wò srɔ̃ɖeɖe ƒe kɔsiɖa gbãtɔ nava yi, ekema àte ŋu aɖe Rahel hã ne àgasubɔm ƒe adre bubu ko!” Yakob lɔ̃ be yeagasubɔ ƒe adre bubu, ale Laban tsɔ Rahel hã nɛ. Laban tsɔ eƒe kosivi Bilha na Rahel be wòasubɔe. Ale Yakob dɔ Rahel hã gbɔ. Elɔ̃ Rahel sãa wu Lea, eye wògasubɔ ƒe adre bubu. Yakob ƒe viwo Ke esi Yakob melɔ̃ Lea tututu o ta la, Yehowa na vi Lea, eye wòna Rahel tsi ko. Ale Lea fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi. Ena ŋkɔe be Ruben si gɔmee nye “Yehowa kpɔ nye xaxa,” elabena egblɔ be, “Yehowa kpɔ nye xaxa; azɔ la, srɔ̃nye alɔ̃m.” Eteƒe medidi hafi Lea gafɔ fu o. Egadzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Simeon si gɔmee nye “Yehowa see,” elabena egblɔ be, “Yehowa see be womelɔ̃m o, eya ta wògana ŋutsuvi bubum.” Egafɔ fu, eye wògadzi ŋutsuvi. Ena ŋkɔe be Levi si gɔmee nye “Kuku ɖe ame ŋu,” elabena egblɔ be, “Azɔ ya la, esi medzi ŋutsuvi etɔ̃ sɔŋ nɛ ta la, srɔ̃nye alɔ̃m kokoko.” Lea gafɔ fu, gadzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Yuda si gɔmee nye “Kafukafu,” elabena egblɔ be, “Azɔ makafu Yehowa!” Emegbe la, Lea megadzi vi bubu aɖeke o. Esi Rahel kpɔ be yemele vi dzim o la, eʋã ŋu nɔvia nyɔnu. Egblɔ na Yakob be, “Na madzi vi, ne menye nenema o la, maku.” Yakob do dɔmedzoe, eye wòbiae be, “Alo nyee nye Mawu, ame si na nètsi koa?” Rahel gblɔ nɛ be, “Metsɔ nye subɔla Bilha na wò, dɔ egbɔ ne wòadzi vi, eye viawo nazu vinyewo.” Ale wòtsɔ Bilha nɛ wòzu srɔ̃a, eye wòdɔ egbɔ; efɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi na Yakob. Rahel na ŋkɔe be Dan si gɔmee nye “Afiatsotso,” elabena egblɔ be, “Mawu tso afia nam, ese nye gbedodoɖa, eye wòna ŋutsuvim.” Bilha, Rahel ƒe subɔla gafɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi evelia na Yakob. Rahel na ŋkɔe be Naftali si gɔmee nye “Hoʋiʋli,” elabena egblɔ be, “Mele ho ʋlim sesĩe kple nɔvinye, eye mele dzi ɖum!” Azɔ esi Lea kpɔ be yemegale fu fɔm o la, etsɔ eƒe subɔla Zilpa na Yakob wòɖe. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Lea ƒe kosi Zilpa dzi ŋutsuvi na Yakob. Lea na ŋkɔe be Gad si gɔmee nye “Dzɔgbenyui ɖi kpem!” Zilpa dzi ŋutsuvi evelia na Yakob, eye Lea na ŋkɔe be Aser si gɔmee nye “Dzidzɔ”, elabena egblɔ be, “Dzi dzɔm ale gbegbe! Nyɔnu bubuwo abu be woyram vavã!” Gbe ɖeka le lũŋeɣi la, Ruben gbe agbitsa aɖewo tso gbe me vɛ na dadaa Lea. Rahel ɖe kuku na Lea be wòana agbitsa la ƒe ɖe ye. Ke Lea ɖo eŋu nɛ kple dɔmedzoe be, “Èxɔ srɔ̃nye le asinye sesẽtɔe! Ɖe esia mesɔ gbɔ na wò oa? Azɔ ɖe nèdi be yeagaxɔ vinye ƒe agbitsa hã?” Rahel gblɔ nublanuitɔe be, “Ne àna agbitsa la ƒe ɖem la, mana mɔ srɔ̃nye wòadɔ gbɔwò ɖe agbitsa la nu.” Gbe ma gbe fiẽ, esi Yakob tso gbedzi gbɔna la, Lea yi ɖakpee, gblɔ nɛ be, “Egbe la, nye gbɔe nàdɔ, elabena metsɔ agbitsa siwo vinye gbe vɛ la na Rahel ɖe tawò!” Ale Yakob dɔ Lea gbɔ. Mawu se Lea ƒe gbedodoɖa, eye wòfɔ fu dzi ŋutsuvi atɔ̃lia nɛ. Lea na ŋkɔe be Isaka si gɔmee nye “Fetu,” elabena egblɔ be, “Mawu tu fe nam, elabena metsɔ nye kosivi na srɔ̃nye wòɖe.” Egafɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi adelia na Yakob. Ena ŋkɔe be Zebulon si gɔmee nye “Nunana,” elabena egblɔ be, “Mawu tsɔ nu nyuiwo to dzinye na srɔ̃nye. Azɔ la, srɔ̃nye abum, elabena medzi ŋutsuvi ade nɛ.” Emegbe la, edzi nyɔnuvi, eye wòna ŋkɔe be Dina. Tete Mawu ɖo ŋku Rahel dzi le eƒe xaxa me, eye wòse eƒe gbedodoɖa heʋu eƒe vidzidɔ nu. Efɔ fu, dzi ŋutsuvi, eye wògblɔ be, “Mawu ɖe nye ŋukpe ɖa.” Ena ŋkɔ ɖevi la be Yosef, eye wògblɔ be, “Yehowa natsɔ ŋutsuvi bubu akpee nam.” Yakob zu kesinɔtɔ Esi Rahel dzi Yosef vɔ megbe teti ko la, Yakob gblɔ na Laban be, “Medi be matrɔ ayi aƒe. Na makplɔ srɔ̃nyewo kple vinyewo ɖe asi, elabena wò ŋutɔ ènya ale si mesubɔ wò ɖe wo tae.” Laban gblɔ nɛ be, “Meɖe kuku, mègadzo le gbɔnye o, elabena to nukaka me la, menya be wò afi sia nɔnɔe na mekpɔ yayra geɖe siawo. Ho neni mada ɖe fetu dzi na wò be nàganɔ gbɔnye? Ho sia ho si wòanye la, maxee na wò.” Yakob ɖo eŋu be, “Ènya ale si mesubɔ wò anukwaretɔe le ƒe geɖe siawo me kple ale si wò lãwo dzii, elabena nu sue aɖe koe nɔ asiwò hafi meva gbɔwò. Fifia wò kesinɔnuwo dzi ɖe edzi ŋutɔ. Yehowa yra wò to nu sia nu si mewɔ la me! Ke ɣe ka ɣi nye ya manɔ ɖokuinye si awɔ dɔ na srɔ̃nyewo kple vinyewo?” Laban gabiae be, “Nu ka mana wò?” Yakob ɖo eŋu nɛ be, “Mègana nanekem o. Ke ne àwɔ nu ɖeka sia nam la, mayi wò lãwo dzi kpɔkpɔ dzi. Na matsa le wò lãhawo katã me egbe, eye maɖe alẽ siwo katã le ŋɔtaŋɔta la kple alẽvi ɖe sia ɖe si le yibɔ kple gbɔ̃ siwo le ŋɔtaŋɔta la. Woawoe anye nye fetu. Ekema ɣe sia ɣi si nàkpɔ gbɔ̃ ɣi alo alẽ ɣi aɖe le tɔnyewo dome la, nànya be ɖe mefi wo tso tɔwòwo dome!” Laban lɔ̃ ɖe edzi be, “Enyo; míawɔe abe ale si nègblɔe ene!” Gbe ma gbe ke la, eɖe gbɔ̃tsu siwo katã ŋu fli le alo le ŋɔtaŋɔta kple gbɔ̃nɔ siwo katã ŋu fli le, esiwo katã le ɣie kple alẽvi siwo katã le yibɔ la ɖe aga, eye wòtsɔ wo de via ŋutsuwo ƒe dzikpɔkpɔ te. Ena eya ŋutɔ kple Yakob dome didi abe ŋkeke etɔ̃ ƒe azɔlizɔzɔ ene, eye Yakob yi Laban ƒe lãwo dzi kpɔkpɔ dzi. Yakob lã atilɔ fɛ̃ aɖewo, kpa tsro le akpa aɖewo ŋu, ale be wozu ŋɔtaŋɔta, eye fli to ɖewo me. Etsɔ wo da ɖe lãwo ƒe tsinoƒe, ale be lãwo nakpɔ wo ne wova tsinoƒe, afi si lãtsuwo yɔa asi lãnɔwo le la. Lãtsuawo yɔa asi le atilɔawo gbɔ, eye lãnɔawo dzia vi siwo le ŋɔtaŋɔta alo esiwo ŋu fli le la. Eye Yakob ɖe lãviawo ɖa le tsitsiawo ŋu, ke ena bubuawo dze ŋgɔ lã siwo le ŋɔtaŋɔta kple esiwo le yibɔɔ henye Laban tɔ. Ewɔ lãha aɖe na eɖokui, eye mena wotɔtɔ kple Laban ƒe lãwo o. Kpe ɖe esia ŋu la, ne ekpɔ be lã sesẽwo le asi yɔm la, etsɔa atilɔ siwo wòŋlɔ la dana ɖe tsinoƒea be woafɔ fu ɖe ati ŋɔŋlɔawo ŋu. Ke ne lã beliwo le asi yɔm la, eɖea ati ŋɔŋlɔawo ɖa. Ale alẽ siwo ƒe lãme mesẽ tututu o la zua Laban tɔ, eye esiwo le lãmesẽ me la zua Yakob tɔ! Esia ta Yakob ƒe alẽwo dzi ɖe edzi kabakaba, eye wòzu hotsuitɔ gã aɖe. Subɔlawo, kposɔwo kple tedziwo sɔ gbɔ ɖe esi fũu. Yakob ɖo ta me be yeatrɔ ayi ye fofo ƒe anyigba dzi Yakob va nya be Laban ƒe viwo nɔ liʋĩliʋĩ lĩm be, “Nu sia nu si le esi la do tso mía fofo ƒe nuwo me. Eƒe kesinɔnuwo katã tso mía fofo gbɔ.” Yakob de dzesii be Laban megakɔa ŋkume ɖe ye o. Yehowa ƒo nu na Yakob gblɔ be, “Trɔ nàyi fofowò ƒe anyigba dzi, nànɔ wò ƒometɔwo dome le afi ma, eye manɔ kpli wò.” Eya ta gbe ɖeka Yakob ɖo du ɖe Rahel kple Lea be woava kpɔ ye le alẽhawo gbɔ le gbedzi, ale be yewoalé nya aɖewo kpɔ. Yakob gblɔ na wo be, “Mia fofo tso ɖe ŋunye, ke fofonyewo ƒe Mawu va ƒo nu nam. Mienya ale si mewɔ dɔ sesĩe na mia fofo, ke mewɔ nu dzɔdzɔe ɖe ŋunye o; eda le ɖoɖo siwo míewɔ ɖe nye fetu ŋu la dzi zi geɖe. Ke Mawu meɖe mɔ nɛ be wòawɔ nuvevi aɖekem o! Elabena ne egblɔ be lã ŋɔtaŋɔtawo nanye tɔnye la, ekema lã siwo wodzi la nɔa ŋɔtaŋɔta. Esi wòtrɔ ɖoɖo la hegblɔ be lã siwo me fli to nazu tɔnyewo la, fli nɔa lãawo katã ŋuti. Ale Mawu na mezu hotsuitɔ to mia fofo ƒe lãha si wòxɔ tsɔ nam ta. “Le lãawo ƒe asiyɔɣi la, meku drɔ̃e, eye mekpɔ be gbɔ̃tsu siwo katã nɔ asi yɔm la nye lã siwo me fli to kple esiwo nɔ ŋɔtaŋɔta la. Mawudɔla aɖe yɔm le drɔ̃ea me be, ‘Yakob,’ eye metɔ be, ‘Nyee nye esi.’ Eye wògblɔ nam be mana gbɔ̃tsu siwo me fli le kple esiwo le ŋɔtaŋɔta la nayɔ asi gbɔ̃nɔ ɣiawo.” Egblɔ be, “Elabena mekpɔ nu siwo katã Laban wɔ ɖe ŋuwò la. Nyee nye Mawu si ɖe ɖokuinye fia wò le Betel, afi si nèkɔ ami ɖe kpe dzi le, eye nèɖe adzɔgbe be yeasubɔm. Azɔ la, ele na wò be nàdzo le afi sia, eye nàyi afi si wodzi wò ɖo la.” Rahel kple Lea ɖo eŋu be, “Nu sia nyo na mí! Naneke mele afi sia na mí o; mía fofo ƒe kesinɔnuwo dometɔ aɖeke mazu domenyinu na mí o! Ele nuwo wɔm ɖe mía ŋu abe amedzrowo míenye ene. Etsɔ mí dzra, eye nu si wòxɔ ɖe mía ta hã megali o. Le sea nu la, kesinɔnu siwo Mawu tsɔ na wò to mía fofo dzi la nye mí kple mía viwo tɔ, eya ta wɔ nu sia nu si Mawu be nàwɔ la.” Yakob kple srɔ̃awo kpakple viawo si dzo le Laban gbɔ Yakob kɔ viawo kple srɔ̃awo ɖo kposɔwo dzi, eye wodzo. Ke ena wokplɔ eƒe lãhawo do ŋgɔe kpe ɖe nunɔamesi siwo katã wòkpɔ le Padan Aram la ŋuti ɖo ɖe fofoa Isak le Kanaanyigba dzi. Esi Laban yi ɖe fu ko ge na eƒe alẽwo la, Rahel fi fofoa ƒe aklamakpakpɛwo tsɔ dzoe. Gawu la, Yakob flu Laban, Arameatɔ la, eye meklãe hafi dzo o. Ale wòsi kple eƒe nunɔamesiwo katã. Esi wòtso Frat tɔsisi la, eɖo ta Gilead ƒe tonyigbawo dzi. Ŋkeke etɔ̃ va yi hafi Laban nya nu tso Yakob ƒe sisi ŋu. Ekplɔ ame aɖewo ɖe asi, eye wodze eyome kple du heva tui le ŋkeke adre megbe le Gilead to la gbɔ. Gbe ma gbe la, Mawu ɖe eɖokui fia Laban Arameatɔ le drɔ̃e me, eye wògblɔ nɛ be, “Kpɔ nyuie le nu si nàgblɔ na Yakob la ŋuti. Mègayrae o, eye mègaƒo fi dee hã o.” Laban va tu Yakob esime Yakob tu agbadɔ ɖe Gilead to la dzi. Laban hã tu eƒe agbadɔ ɖe to la te. Laban bia Yakob be, “Nu kae nye esi nèwɔ hesi dzo le adzame ale? Ɖe vinyenyɔnuwo nye aboyome siwo wolé le aʋa me, eya ta nèkplɔ wo si dzoe alea? Nu ka ta mèna mɔnukpɔkpɔm be maɖo kplɔ̃ na mi, eye hadzidzi, ʋuƒoƒo kple kasaŋkuƒoƒo nanɔ anyi o ɖo? Nu ka ta mèna megbugbɔ nu na nye tɔgbuiyɔviwo hedo hedenyui na wo o ɖo? Nu sia nye nu trama aɖe si nèwɔ. Mate ŋu awɔ nuvevi wò hafi, gake fofowò ƒe Mawu la ɖe eɖokui fiam le zã si va yi la me, eye wògblɔ nam be, ‘Kpɔ nyuie be màklẽ ŋku ade Yakob o.’ Ke esi nèkpɔ be ele be yeadzo, eye aƒe nɔ dzrowòm vevie nenema ɖe, nu ka ta nèfi nye aklamakpakpɛwo dzoe ɖo?” Yakob ɖo eŋu na Laban be, “Mesi dzo, elabena menɔ vɔvɔ̃m. Megblɔ na ɖokuinye be, ‘Àva xɔ viwò nyɔnuwo le asinye sesẽtɔe.’ Ke le wò aklamakpakpɛwo gome la, woaƒo fi ade ame si fi wo la, eye wòaku! Ka nye nuwo katã me le mía nɔviawo ƒe ŋkume kpɔ be wò nane le wo me mahã. Ne èkpɔ wò nane si mefi dzoe la, ekema tsɔe.” Ke Yakob menya be Rahel fi aklamakpakpɛawo o. Laban yi ɖaka Yakob ƒe agbadɔ me gbã; emegbe eyi ɖaka Lea kple kosi eveawo ƒe agbadɔ me, gake mekpɔ aklamakpakpɛawo o. Esia megbe la, eyi ɖaka Rahel tɔ me azɔ. Rahel nye ame si fi aklamakpakpɛawo. Etsɔ wo ɣla ɖe eƒe kposɔ ƒe akpa te, eye wònɔ anyi ɖe wo dzi. Togbɔ be Laban ka agbadɔawo me abe ale si wòate ŋui ene hã la, mete ŋu kpɔ aklamakpakpɛawo o. Rahel gblɔ na fofoa be, “Papa, tsɔe kem be nyemate ŋu atsi tsitre o, elabena mekpɔ dzinu.” Yakob do dɔmedzoe ɖe Laban ŋu, eye wòbiae be, “Nu vɔ̃ ka mewɔ? Vo ka meda si ta nànɔ fu ɖem nam ale? Azɔ esi nèka nye nuwo katã me ɖe, nu ka nèkpɔ si nye tɔwò? Tsɔe da ɖe wò ƒometɔwo kple tɔnyewo ŋkume, eye nàna woadrɔ̃ ʋɔnu le nye kpli wò dome. “Menɔ gbɔwò ƒe blaeve sɔŋ. Le ɣeyiɣi ma katã me la, mekpɔ wò alẽnɔwo kple gbɔ̃nɔwo dzi, ale be wodzi vi lãmesesẽtɔwo na wò, eye nyemewu wò agbo ɖeka pɛ gɔ̃ hã ɖa ɖu o. Ne lã wɔadãwo wu ɖewo la, ɖe metsɔa wo fiaa wò be nàɖe wo tso wò lãwo domea? Ao, meɖoa eteƒe na wò. Èna mexe fe ɖe wò lã ɖe sia ɖe si wofi tso wò lãhawo me la ta, eɖanye nye vodada, alo menye nye vodada o! “Mewɔ dɔ na wò, ŋdɔkutsu ɖum le ŋkeke me, eye vuvɔ wɔm le zã me, eye nyemedɔa alɔ̃ o. Ɛ̃, mewɔ dɔ na wò ƒe blaeve sɔŋ: ƒe wuiene be mate ŋu aɖe viwò nyɔnu eve, ƒe ade be lãha sia naka asinye! Gawu la, èɖe nye fetu dzi zi ewo. Nyateƒe, ne menye tɔgbuinye Abraham ƒe Mawu kple fofonye Isak ƒe Mawu ƒe amenuveve tae o la, anye ne èdo mɔm asi ƒuƒlu, pesewa ɖeka pɛ gɔ̃ hã manɔ asinye o! Ke Mawu kpɔ wò ŋutasesẽ kple nye nuteƒewɔwɔ, eya ta wòɖe eɖokui fia wò le zã si va yi me.” Laban ɖo eŋu na Yakob be, “Vinyewoe nye nyɔnu siawo; ɖevi siawo hã tɔnyewoe. Lãha siawo kple nu siwo katã le asiwò la, tɔnyee wonye, eya ta nu ka ta mawɔ nuvevi nye ŋutɔ vinyewo kple nye tɔgbuiyɔviwo ɖo? Na míabla ŋutifafanu kple mía nɔewo, eye mía dometɔ ɖe sia ɖe nazɔ ɖe nubabla sia ƒe ɖoɖowo dzi.” Ale Yakob ɖi kpe aɖe abe ŋkuɖodzikpe ene, eye wògblɔ na eƒe amewo be woafɔ kpewo ali kɔ ɖe kpe la dzi. Emegbe Yakob kple Laban ɖu nu ɖekae le kpeawo gbɔ. Laban yɔe be Yegar Sahaduta, eye Yakob yɔe be Galed. Laban gblɔ be, “Kpoƒuƒu sia nye ɖasefo le nye kpli wò dome egbea.” Eya ta woyɔe be Galed. Eya ta woyɔe hã be “Mizpa” si gɔmee nye “Nuŋudzɔla,” elabena Laban gblɔ be, “Aƒetɔ la nakpɔ egbɔ be ne míegale mía nɔewo gbɔ o hã la, míazɔ ɖe nubabla sia dzi. Kpe ɖe esia ŋu la, ne èwɔ fu vinyewo alo ègaɖe srɔ̃ bubuwo la, nyemanya o, gake Mawu ya akpɔe.” Laban gblɔ na Yakob be, “Kpekɔ sia le afi sia, eye sɔti sia si metu ɖe nye kpli wò dome la hã le afi sia. Kpekɔ sia nye ɖasefo, eye sɔti sia hã nye ɖasefo be nyemava to kpekɔ sia ŋu be mava wò akpa dzi ava wɔ nuvevi aɖeke wò o, eye be wò hã màto kpekɔ kple sɔti sia ŋu ava nye akpa dzi be nàva wɔ nuvevi aɖekem o. Meyɔ Abraham kple Nahor kpakple wo fofowo ƒe Mawu la be wòatsrɔ̃ mía dometɔ si mawɔ nubabla sia ƒe ɖoɖowo dzi o la.” Ale Yakob ka atam le fofoa Isak ƒe Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la ŋkume be yealé ŋku ɖe liƒo la ŋu. Tete Yakob sa vɔ na Mawu le to la tame, eye wòɖo kplɔ̃ na eƒe amewo. Etsi wo gbɔ dɔ le to la dzi. Laban fɔ ŋdi kanya, gbugbɔ nu na viawo kple eƒe tɔgbuiyɔviawo, yra wo, eye wòtrɔ yi wo de. Yakob tsɔ nunanawo na Esau Yakob kple eƒe amewo gadze mɔ, eye mawudɔlawo va do goe. Esi Yakob kpɔ wo la, edo ɣli be, “Mawu ƒe asaɖae nye esia!” Eya ta ena ŋkɔ teƒea be Mahanaim. Yakob dɔ amewo ɖe foa Esau gbɔ le Edom le Seirnyigba dzi. Egblɔ na wo bena, “Ale miagblɔ na nye aƒetɔ Esau enye si: ‘Nye Wò dɔla Yakob, meyi ɖanɔ mía nyrui, Laban gbɔ va se ɖe egbe. Fifia nyiwo, tedziwo, alẽwo kple subɔla geɖewo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa le asinye. Mele ame siawo ɖom ɖa be woana nyanya wò nye aƒetɔ be megbɔna, eye mele mɔ kpɔm be àxɔ mí nɔvitɔe.’ ” Ame dɔdɔawo trɔ tso Esau gbɔ va gblɔ na Yakob be Esau gbɔna Yakob kpe ge kple ame alafa ene! Vɔvɔ̃ ɖo Yakob. Ema eƒe amewo kple lãhawo kpakple kposɔwo ɖe akpa eve, elabena egblɔ be, “Ne Esau adze hatsotso ɖeka dzi la, ɖewohĩ hatsotso evelia me tɔwo ate ŋu asi.” Tete Yakob do gbe ɖa be “O, tɔgbuinye Abraham kple fofonye Isak ƒe Mawu, O, Yehowa, wò ame si gblɔ nam be matrɔ va nye ƒometɔwo ƒe anyigba dzi, eye nèdo ŋugbe be yeawɔ nyui nam la, nyemedze na wò amenuveve si nèɖena fiaam edziedzi abe ale si nèdo ŋugbe nam ene o, elabena esi metso Yɔdan la, naneke menɔ asinye wu atizɔti ɖeka o! Ke azɔ la, mezu aʋakɔ eve! O, Yehowa, meɖe kuku na wò, ɖem tso tsɔtsrɔ̃ me le fonye Esau ƒe asi me, elabena mele vɔvɔ̃m ŋutɔ be ava ho aʋa ɖe nye ŋutɔ, srɔ̃nyewo kple vinyewo ŋu. Ke èdo ŋugbe be yeawɔ nyui nam, eye yeana nye dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe ƒutake ene, eye womate ŋu axlẽ wo o.” Etsi afi ma dɔ, eye wòtia nu siwo nɔ esi la ƒe ɖe na foa Esau: gbɔ̃nɔ alafa eve kple gbɔ̃tsu blaeve, alẽnɔ alafa eve kple agbo blaeve, kposɔnɔ blaetɔ̃ kple wo viwo, nyinɔ blaene kple nyitsu ewo, tedzinɔ blaeve kple tedzitsu ewo. Egblɔ na eƒe subɔlawo be woadze ŋgɔ kple lãha siawo, lãha ɖe sia ɖe nanɔ eɖokui si, eye dometsotso nanɔ wo dome. Egblɔ na ame siwo le lãha gbãtɔ kplɔm la be ne wodo go Esau, eye wòbia wo be, “Afi ka yim miele? Ame ka ƒe subɔlawo mienye? Ame ka ƒe lãwoe nye esiawo?” la, woaɖo eŋu be, “Wò subɔla, Yakob ƒe lãwoe. Wonye nunana na eƒe aƒetɔ Esau! Ele mía yome gbɔna!” Yakob gblɔ nya mawo ke na lãkplɔla bubuawo hã be woagblɔ na Esau. Yakob ƒe tameɖoɖoe nye be yeakpata Esau kple nunanawo hafi yeado goe ŋkume kple ŋkume! Yakob kpɔ mɔ be, “Ɖewohĩ axɔ mí nyuie.” Ale wòɖo nunanawo ɖa do ŋgɔ, eye Yakob gatsi asaɖa me dɔ. Yakob te kame kple mawudɔla aɖe Le zã me la, Yakob fɔ, eye wòkplɔ srɔ̃a eveawo, eƒe kosi eveawo kple via wuiɖekɛawo, eye wotso Yɔdan tɔsisi la le tɔtsoƒe si ŋkɔe nye Yabok. Ale wòkplɔ wo tso tɔ lae kple eƒe nunɔamesiwo katã. Yakob trɔ va asaɖa la me, eye eya ɖeka nɔ afi ma. Ŋutsu aɖe te kame kplii va se ɖe fɔŋli. Esi ŋutsu la kpɔ be yemate ŋu aɖu Yakob dzi o la, etɔ asi Yakob ƒe aligo, eye ƒuawo gli le enu. Tete ŋutsu la gblɔ nɛ be, “Ɖe asi le ŋunye mayi, elabena ŋu le kekem.” Ke Yakob ɖo eŋu be, “Nyemele asi ɖe ge le ŋuwò o, negbe ɖeko nàyram hafi.” Ŋutsu la biae be, “Ŋkɔwò ɖe?” Eɖo eŋu be, “Yakob.” Ŋutsu la gblɔ nɛ be, “Womagayɔ wò azɔ nenema o! Woayɔ wò azɔ be Israel, ame si te kame kple Mawu. Esi nète kame kple Mawu ta la, àɖu amewo dzi.” Yakob biae be, “Wò hã ŋkɔwò ɖe?” Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Nu ka ta nèbia ŋkɔnye ta ɖo.” Eye wòyrae le afi ma. Yakob na ŋkɔ teƒea be “Peniel” si gɔmee nye “Mawu ƒe ŋkume,” elabena egblɔ be, “Mekpɔ Mawu ŋkume kple ŋkume, gake metsi agbe.” Esi wògadze mɔ ko la, ɣe dze. Le eƒe aligoƒu si gli ta la, ede asi tɔtɔ me. Esia ta Israelviwo meɖua ka titri si to lãwo ƒe aligo dzi o, elabena wotɔ asi ka si le Yakob ƒe aligokpeƒe la dzi. Ŋutifafa ɖo Yakob kple Esau dome Yakob kpɔ Esau le adzɔge ʋĩi wògbɔna kple eƒe ame alafa ene. Ke ema ɖeviawo na Lea, Rahel kple kosi eveawo. Ena eƒe kosiwo kple wo viwo nɔ ŋgɔ, Lea kple viawo nɔ eyome, eye Rahel kple Yosef nɔ wo katã megbe. Yakob dze wo katã ŋgɔ. Egogo foa, eye wòde ta agu nɛ zi adre. Esau ƒu du yi ɖakpee, kpla asi kɔ nɛ lɔlɔ̃tɔe, eye wògbugbɔ nu nɛ. Wo ame eveawo fa avi hehehe! Esau kpɔ nyɔnuawo kple ɖeviawo, eye wòbia be, “Ame kawoe nye esiawo le ŋuwò?” Yakob ɖo eŋu be, “Vinyewoe, Mawue na ɖevi siawo nye wò subɔla to eƒe amenuveve me.” Kosiawo kple wo viwo va ŋgɔ, eye wode ta agu nɛ. Emegbe Lea kple etɔwo va, eye woawo hã de ta agu nɛ. Azɔ Rahel kple Yosef va, eye woawo hã de ta agu nɛ. Esau bia be, “Lãha kawoe nye esiwo kpɔm mele?” Yakob ɖo eŋu be, “Woawoe nye nye nunanawo na wò nye aƒetɔ be nàve nunye.” Esau ko nu gblɔ be, “Nɔvinye, lãwo sɔ gbɔ ɖe asinye xoxo; tɔwòwo nenɔ asiwò ko!” Yakob yi edzi be, “Ao, xɔ nunanawo nam ko, elabena wò alɔgbɔnu si nèko xɔlɔ̃tɔe nam la na nya la kɔ le dzinye! Vɔvɔ̃ ɖom le ŋutiwò abe Mawu ƒe ŋkumee mekpɔ ene. Meɖe kuku, xɔ nye nunanawo ko, elabena Mawu yram, eye nu geɖe le asinye.” Yakob ƒoe ɖe enu, eye Esau lɔ̃ xɔ nunanawo. Esau gblɔ be, “Enyo, mina míadze mɔ. Nye kple nye amewo, míanɔ mia ŋu, eye míadze ŋgɔ na mi.” Ke Yakob ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ, ɖeviawo dometɔ aɖewo metsi o, eye nenema ke vidzĩwo le lãwo dome. Ne míedo du wo akpa la, woaku, eya ta nye aƒetɔ, miawo mido ŋgɔ, eye míawo míadze mia yome ɖɔɖɔɖɔ ava tu mi le Seir.” Esau gblɔ be, “Enyo, mana nye ame aɖewo nakpe ɖe mia ŋu, eye woanye kplɔlawo na mi.” Yakob gbe be, “Ao, nye aƒetɔ, míanɔ edzi ɖɔɖɔɖɔ ava tu mi. Meɖe kuku, na wòanɔ abe ale si megblɔ ene.” Ale Esau trɔ ɖo ta Seir gbe ma gbe ke. Yakob kple eƒe amewo yi ɖaɖo Sukɔt. Etu agbletaxɔ kple lãkpowo ɖe afi ma, eya ta woyɔa teƒe ma be Sukot si gɔmee nye “Agbletaxɔwo.” Emegbe la, Yakob tso Padan Aram va ɖo Sekem le Kanaanyigba dzi dedie, eye wònɔ du la godo. Eƒle anyigba si dzi wònɔ la le Sekem fofo, Hamor ƒe ƒometɔwo si klosalo alafa ɖeka. Etu vɔsamlekpui aɖe ɖe afi ma, eye wòna ŋkɔe be, “El-Elohe-Israel” si gɔmee nye “Vɔsamlekpui na Israel ƒe Mawu.” Yakob ƒe agbenɔnɔ le Kanaan Gbe ɖeka la, Dina, Lea ƒe vinyɔnu si wòdzi na Yakob la ɖi tsa be yeakpɔ ye xɔlɔ̃ ɖetugbi aɖewo ɖa. Ke esi Fia Hamor, Hivitɔ ƒe viŋutsu, Sekem kpɔe la, elée hedɔ egbɔ sesẽtɔe. Sekem lɔ̃ Dina si nye Yakob ƒe vinyɔnu vevie, eye wòdze agbagba be eya hã nalɔ̃ ye to enubeble me. Sekem gblɔ na fofoa Hamor be, “Medi be maɖe ɖetugbi sia, eya ta ɖee nam.” Nu si Sekem wɔ ɖe Dina ŋu la va ɖo Yakob ƒe to me. Esi via ŋutsuwo nɔ nyi kplɔm le gbedzi hafi wòse nya la ta la, mewɔ naneke tso nya la ŋu o va se ɖe esime via ŋutsuawo trɔ gbɔ. Tete Sekem fofo, Hamor do go be yeaƒo nu kple Yakob. Azɔ la, Yakob ƒe viŋutsuwo gbɔ tso gbedzi esime wose nya si dzɔ la. Vevesese kple dziku yɔ wo me, elabena Sekem wɔ ŋukpenanu le Israel esime wòdɔ Yakob ƒe vinyɔnu gbɔ sesẽtɔe, nu si mele be wòawɔ o. Hamor gblɔ na Yakob be, “Vinye Sekem lɔ̃ viwò Dina ŋutɔ, eye wòdi vevie be wòazu ye srɔ̃. Meɖe kuku, ɖe mɔ nɛ wòaɖee. Mina míaɖe srɔ̃ le mía nɔewo dome; mitsɔ miaƒe vinyɔnuwo na mí, eye míawo hã míatsɔ míaƒe vinyɔnuwo na mi miaɖe. Miate ŋu atsi mía dome; anyigba la li faa na mi. Minɔ edzi, mitsa asi le edzi, eye miakpɔ viɖe le edzi.” Emegbe la, Sekem gblɔ na Dina fofo kple nɔvia ŋutsuwo be, “Meɖe kuku, mive nunye, eye miana Dina nazu srɔ̃nye. Mana nu sia nu si miabia la mi. Tabianu alo nunana ka ke miabia la, mana mi; mina wòazu srɔ̃nye ko!” Yakob ƒe viŋutsuwo ble Sekem kple Hamor; wowɔ nu madzɔmadzɔ sia ɖe nu si Sekem wɔ ɖe wo nɔvinyɔnu Dina ŋu ta. Wogblɔ be, “Míate ŋui gbeɖe o, elabena mietso aʋa o. Anye ŋukpe na mía nɔvinyɔnu la be wòaɖe bolobolotɔ. Nu si míawɔ lae nye be ne miaƒe ŋutsuwo dometɔ ɖe sia ɖe atso aʋa la, ekema miaɖe míaƒe nyɔnuwo, eye míaƒe ŋutsuwo hã aɖe miaƒe nyɔnuwo, míanɔ mia gbɔ, eye míawɔ ɖeka kpli mi, míazu dukɔ ɖeka. “Ne mielɔ̃ ɖe edzi eye wotso aʋa na mi o la, ekema míaxɔ mía nɔvinyɔnu la, eye míaʋu le mia gbɔ.” Nya sia trɔ na Hamor kple Via ŋutsu Sekem. Ɖekakpui la, ame si nye bubume wu ame bubuawo katã le fofoa ƒe aƒe me la wɔ ɖe ɖoɖo si wowɔ la dzi enumake, elabena elɔ̃ Yakob ƒe vinyɔnu la. Ale Hamor kple Sekem wɔ takpekpe kple dua me ŋutsuwo katã le dua ƒe agbo nu, eye wòtsɔ nya la ɖo wo ŋkume. Hamor kple Sekem gblɔ be, “Ameawo nye mía xɔlɔ̃wo. Mina míana woatsi afi sia, anɔ mía dome, eye woawɔ woƒe dɔ, elabena míaƒe anyigba lolo; woakpɔ teƒe le edzi, woaɖe srɔ̃ tso mía dome, eye míawo hã míaɖe wo viwo. Ke hafi esia nate ŋu ava eme la, nu ɖeka koe wobia; eyae nye be míaƒe ŋutsu ɖe sia ɖe natso aʋa abe woawo ene. “Ne míewɔ esia la, ekema woƒe lãhawo, kesinɔnuwo kple dɔwɔlã siwo nye wo tɔ la azu mía tɔ, eye kesinɔnuwo ava míaƒe dukɔa me. Mina míalɔ̃ ɖe woƒe biabia sia dzi, ale be woanɔ mía dome.” Ke Ŋutsu siwo katã va ƒo ƒu ɖe dua ƒe agbo nu la, ɖo to Hamor kple via Sekem eye wolɔ̃, wotso aʋa na wo katã. Ke le ŋkeke etɔ̃ megbe esi abia le wo vem la, Yakob ƒe viŋutsu eve, Simeon kple Levi siwo nye Dina nɔviwo la tsɔ woƒe yiwo, ge ɖe dua me, eye wowu ŋutsu ɖe sia ɖe. Wowu Hamor kple Sekem hã, eye wokplɔ Dina tso Sekem ƒe aƒe me hetrɔ yi wo nɔƒe. Emegbe Yakob ƒe viwo katã yi dua me, eye woha nuwo le dua me ɖe esi wogblẽ wo nɔvinyɔnu la ta. Wolé woƒe alẽwo, nyiwo kple tedziwo kpakple nu siwo katã dzi woƒe asi su le dua me kple woƒe agblewo me la hã. Wokplɔ woƒe nyɔnuwo kple ɖeviwo siaa dzoe, eye woha kesinɔnu ɖe sia ɖe ƒomevi. Yakob gblɔ na Levi kple Simeon be, “Miena medze agɔ le anyigba sia dzi tɔwo katã, Kanaantɔwo kple Perizitɔwo siaa dzi. Míesɔ gbɔ o, eya ta ne woho aʋa ɖe mía ŋu la, woafiti mí, eye woawu mí katã.” Woɖo eŋu be, “Ɖe wònyo be Sekem nabu mía nɔvinyɔnu la abe gbolo enea?” Yakob trɔ yi Betel Mawu gblɔ na Yakob be, “Ʋu le afi sia nàyi aɖanɔ Betel, eye nàɖi vɔsamlekpui, asubɔ Mawu si ɖe eɖokui fia wò le esime nèsi le fowò Esau nu la!” Eya ta Yakob gblɔ na eŋumewo katã be woagblẽ aklamakpakpɛ siwo katã wotsɔ ɖe asi vɛ la ɖi, woale tsi, eye woaɖɔli woƒe awuwo. Eyi edzi be, “Elabena míele Betel yim, eye maɖi vɔsamlekpui aɖe ɖe afi ma na Mawu si se nye gbedodoɖawo le nye xaxaɣi, eye wònɔ anyi kplim le nye mɔzɔzɔ me la.” Ale wotsɔ woƒe aklamakpakpɛwo kple togɛwo katã na Yakob, eye wòɖi wo ɖe ati gã aɖe te le Sekem. Emegbe la, wodze mɔ. Mawu na vɔvɔ̃ dze du siwo katã me woto la dzi, ale be womeho aʋa ɖe wo ŋu o. Mlɔeba la, Yakob kple eƒe amewo va ɖo Luz si wogayɔna hã be Betel le Kanaan. Yakob ɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma, eye wòna ŋkɔe be, “Vɔsamlekpui na Betel ƒe Mawu,” elabena Betel ƒe Mawu ɖe eɖokui fiae le esime wònɔ sisim le Esau nu. Eteƒe medidi o la, Debora, ame si kpɔ Rebeka dzi le ɖevime la ku, eye woɖii ɖe ati gã aɖe si le balime si le Betel ƒe anyigbe lɔƒo la te. Tso gbe ma gbe dzi la, woyɔa teƒe ma be, “Konyifafa ƒe ati.” Esime Yakob va ɖo Betel le eƒe mɔzɔzɔ tso Padan Aram me la, Mawu gaɖe eɖokui fiae, eye wòyrae. Mawu gblɔ nɛ be, “Wò ŋkɔe nye Yakob, gake womagayɔ wò azɔ be Yakob si gɔmee nye ‘Amebala’ o, ke boŋ woayɔ wò azɔ be Israel si gɔmee nye ‘Ame si te kame kple Mawu.’ Nyee nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ. Mana nàdzi fũu, eye nàzu dukɔ gã aɖe. Dukɔ geɖewo kple fia geɖewo ado tso wò dzidzimeviwo me. Mana anyigba si metsɔ na Abraham kple Isak la nazu tɔwò, eye wòava zu wò dzidzimeviwo tɔ.” Eye Mawu dzo le egbɔ, afi si wòƒo nu kplii le la. Yakob tsɔ kpe tu sɔti aɖe ɖe teƒe si Mawu ƒo nu kplii le la, eye wòwɔ nunovɔsa ɖe edzi; ekɔ ami hã ɖe edzi. Yakob na ŋkɔ teƒea be Betel si gɔmee nye, “Mawu ƒe Aƒe,” elabena afi ma Mawu ƒo nu kplii le. Rahel kple Isak ƒe ku Emegbe la, wodzo le Betel, eye woɖo ta Efrat alo Betlehem lɔƒo. Ke Rahel de asi kuléle me le esime azɔli didi aɖe ganɔ ŋgɔ na wo. Via dzidzi sesẽ na Rahel. Mlɔeba la, vixela la do ɣli be, “Mègabu mɔkpɔkpɔ o, elabena esia hã ganye ŋutsuvi!” Esime Rahel nɔ kudɔ ƒom la, ena ŋkɔ ɖevi la be, “Ben Oni” si gɔmee nye “Nye Konyifafa ƒe Vi,” eye wòku. Yakob ya na ŋkɔ ɖevi la be “Benyamin” si gɔmee nye “Nye Nuɖusi ƒe Vi.” Ale Rahel ku, eye woɖii ɖe mɔ si yi Efrat alo Betlehem la to. Yakob tu ŋkuɖodzikpe si gali va se ɖe egbe la ɖe Rahel ƒe yɔdo dzi. Israel gayi mɔzɔzɔ dzi, eye wòtu agbadɔ ɖe Eder mɔ godo. Esi wònɔ afi ma la, Ruben dɔ kple fofoa ƒe kosi, Bilha, eye ame aɖe fi tofi na Israel. Yakob ƒe viŋutsuwo Yakob ƒe viŋutsu wuieveawo ƒe ŋkɔwoe nye: Lea ƒe viŋutsuwo: Ruben, Yakob ƒe viŋutsu tsitsitɔ, Simeon, Levi, Yuda, Isaka kple Zebulon. Rahel ƒe viŋutsuwo: Yosef kple Benyamin. Bilha, Rahel ƒe kosi ƒe viwo: Dan kple Naftali. Zilpa, Lea ƒe kosi ƒe viwo: Gad kple Aser. Wodzi vi siawo katã nɛ le Padan Aram. Mlɔeba la, Yakob va ɖo fofoa, Isak gbɔ le Mamre le Kiriat Arba (teƒe si wogayɔna be Hebron), afi si Abraham hã nɔ. Isak nɔ agbe ƒe alafa ɖeka blaenyi (180). Etsɔ eƒe gbɔgbɔ na, eye wòyi tɔgbuiawo gbɔ. Enɔ agbe wòde edeƒe, eye via ŋutsuwo, Esau kple Yakob ɖii. Esau ƒe dzidzimeviwo Esau (ame si wogayɔna hã be Edom) la ƒe dzidzimeviwo yi ale: Esau ɖe Kanaan nyɔnu etɔ̃: Ada, Hititɔ Elon ƒe vi, Oholibama, Ana ƒe vi kple Hivitɔ Zibeon ƒe tɔgbuiyɔvi kpakple Basemat, Ismael ƒe vinyɔnu si nye Nebayɔt nɔvinyɔnu. Esau kple Ada dzi viŋutsu ɖeka si ŋkɔe nye Elifaz. Esau kple Basemat dzi viŋutsu si ŋkɔe nye Reuel. Esau kple Oholibama dzi viŋutsu siwo ƒe ŋkɔwoe nye Yeus, Yalam kple Korah. Wodzi vi siawo katã na Esau le Kanaanyigba dzi. Esau kplɔ srɔ̃awo, viŋutsuwo kple vinyɔnuwo kpakple subɔla siwo le eƒe aƒe me, kple lãhawo kple kesinɔnu siwo katã wòkpɔ le Kanaanyigba dzi la, eye wòʋu le nɔvia Yakob gbɔ. Woƒe nunɔamesiwo sɔ gbɔ ale gbegbe be womagate ŋu anɔ teƒe ɖeka o. Anyigba si dzi wole la megalolo na wo ame eveawo o le woƒe lãhawo ta. Ale Esau, ame si wogayɔna be Edom la yi ɖanɔ tonyigba dzi le Seir. Esau ƒe dzidzimeviwo, Edomtɔwo, ame siwo wodzi nɛ le Seir to dzi la ƒe ŋkɔwo yi ale: Esau ƒe viŋutsuwo: gbãtɔe nye Elifaz si Ada dzi nɛ, eveliae nye Reuel si Basemat dzi nɛ. Elifaz ƒe viŋutsuwoe nye: Teman, Omar, Zefo, Gatam kple Kenaz. Timna si nye Elifaz, Esau ƒe viŋutsu ƒe ahiãvi la dzi Amalek. Ame siawoe nye Ada, Esau srɔ̃ ƒe viwo. Reuel ƒe viŋutsuwoe nye: Nahat, Zera, Sama kple Miza. Ame siawoe nye Esau ƒe tɔgbuiyɔviwo to srɔ̃a Basemat dzi. Esau srɔ̃ Oholibama, Ana ƒe vinyɔnu kple Zibeon ƒe mamayɔvi si wodzi na Esau la dzi Yeus, Yalam kple Korah. Ame siawoe nye fiawo le Esau ƒe dzidzimeviwo dome. Elifaz, ame si nye Esau ƒe viŋutsu gbãtɔ, Teman, Omar, Zefo kple Kenaz, Korah, Gatam kple Amalek. Ame siawo nye fia siwo dzɔ tso Elifaz me le Edom. Wonye Ada ƒe mamayɔviwo. Hlɔ̃ siwo gbɔna la, nye Reuel, ame si Esau kple srɔ̃a Basemat dzi le esime wonɔ Kanaan la ƒe dzidzimeviwo: Amegã Nahat, Amegã Zera, Amegã Sama kple Amegã Miza. Woawoe nye amegã siwo dzɔ tso Reuel me le Edomnyigba dzi, eye wonye Esau srɔ̃ Basemat ƒe viwo. Esau srɔ̃ Oholibama ƒe viŋutsuwo nye fia siawo: Yeus, Yalam kple Korah. Wodzɔ tso Esau srɔ̃ Oholibama, Ana ƒe vinyɔnu me. Ame siawo nye Esau alo Edom ƒe viŋutsuwo, eye ame siawoe nye woƒe fiawo. Ame siawo nye Seir, Horitɔ la ƒe viŋutsuwo, ame siwo nɔ nuto la me: Lotan, Sobal, Zibeon, Ana, Dison, Ezer kple Disan. Wonye viŋutsuwo na Horitɔ Seir le Edom, eye wonye fiawo. Lotan ƒe viwoe nye, Hori kple Heman. Timna nye Lotan nɔvinyɔnu. Sobal ƒe viŋutsuwoe nye: Alvan, Manahat, Ebal, Sefo kple Onam. Zibeon ƒe viwoe nye: Aya kple Ana. (Eyae fɔ tsi dzidzi xɔdzo aɖe ƒe vudo le gbegbe esime wònɔ fofoa ƒe tedziwo kplɔm.) Ana ƒe viwoe nye: Dison kple Oholibama. Dison ƒe viwoe nye: Hemdan, Esban, Itran kple Keran. Ezer ƒe viwoe nye: Bilhan, Zaavan kple Akan. Disan ƒe viŋutsuwoe nye: Uz kple Aran. Ame siawoe nye Horitɔwo ƒe fiawo. Lotan, Sobal, Zibeon, Ana, Dison, Ezer kple Disan. Ame siawoe nye Horitɔwo ƒe fiawo le woƒe tokɔ vovovoawo nu le Seirnyigba dzi. Edom ƒe fiawo Ame siwo ɖu fia le Edom hafi woɖo Israel fiaɖuƒe la gɔme anyi la woe nye: Beor ƒe vi Bela si ɖu fia le Edom. Du si me wònɔ la ŋkɔe nye Dinhaba. Esi Bela ku la, Yobab, Zera ƒe vi si tso Bozra la zu fia. Esi Yobab ku la, Husam si tso Temanitɔwo ƒe anyigba dzi la ɖu fia ɖe eteƒe. Hadad, Bedad ƒe vi, ame si ɖu Midiantɔwo dzi le Moabnyigba dzi la ɖu fia le Husam ƒe ku megbe. Eƒe fiadue nye Avit. Esi Hadad trɔ megbe la, Samla tso Masreka ɖu fia ɖe eteƒe. Le Samla ƒe ku megbe la, Siaul tso Rehobot, du si le tɔsisi aɖe ŋu la ɖu fia ɖe eteƒe. Le Siaul ƒe ku megbe la, Baal Hanan, Akbor ƒe vi ɖu fia ɖe eteƒe. Esi Baal Hanan, Akbor ƒe viŋutsu la hã ku la, Hadad ɖu fia ɖe eteƒe, eye eƒe fiadue nye Pau. Srɔ̃a ŋkɔe nye Mehetabel, Matred ƒe vinyɔnu kple Mezahab ƒe mamayɔvi. Esiawoe nye fia siwo dzɔ tso Esau me la ƒe ŋkɔwo ɖe woƒe towo kple nutowo ƒe ɖoɖo nu: Timna, Alva, Yetet, Oholibama, Ela, Pinon, Kenaz, Teman, Mibzar, Magdiel kple Iram. Esiawoe nye Edom fiawo le ɖoɖo si me wonɔ le anyigba dzi la nu. Wonye Esau, Edomtɔwo fofo ƒe dzidzimeawo. Yosef ƒe drɔ̃ekukuwo Ale Yakob gatso aƒe ɖe Kanaan, afi si fofoa nɔ la. Esiae nye Yakob ƒe dzidzimeviwo ŋutinya. Fifia Yakob ƒe vi Yosef xɔ ƒe wuiadre. Eya kple fofoviawo, ame siwo nye fofoa srɔ̃wo Bilha kple Zilpa ƒe viwo ƒe dɔe nye be woakpɔ wo fofo ƒe lãwo dzi. Yosef gblɔa nu madzemadze siwo nɔviawo wɔna la na wo fofo. Israel lɔ̃ Yosef wu via bubuawo, elabena wodzi Yosef nɛ esime wònye amegãɖeɖi. Ale gbe ɖeka Yakob tɔ awu ʋlaya nyui aɖe nɛ. Yosef nɔviwo de dzesi lɔlɔ̃ tɔxɛ si wo fofo tsɔ nɛ la, eya ta wolé fui, eye womeƒoa nu nɛ kple nɔvilɔlɔ̃ ƒe gbe o. Gbe ɖeka la, Yosef ku drɔ̃e, eye wòlĩi na nɔviawo. Nu sia gadzi nɔviawo ƒe fuléle ɖe edzi! Egblɔ be, “Miɖo to miase nye drɔ̃e la ɖa. Míeyi ɖanɔ mɔlu blam le gbedzi; tete nye mɔlu babla tsi tsitre, eye mia tɔwo katã va ƒo xlãe, eye wode ta agu nɛ.” Nɔviawo gblɔ nɛ fewuɖutɔe be, “Ekema ɖe nèdi be yeazu fia ɖe mía dzia?” Ale wogalé fui ɖe edzi wu le eƒe drɔ̃e la kple eƒe nyawo ta. Yosef gaku drɔ̃e bubu, eye wògalĩi na nɔviawo be, “Mise nye drɔ̃e si megaku la ɖa. Ɣe, ɣleti kple ɣletivi wuiɖekɛ de ta agu nam!” Azɔ ya la, elĩ drɔ̃e la na fofoa kple nɔviawo siaa, ke fofoa ka mo nɛ hebiae be, “Drɔ̃e ka tɔgbie nye esia? Ɖe nye kple dawò kple nɔviwòwo míava de ta agu na wò gbe ɖekaa?” Nɔviawo ʋã ŋui ɖe edzi wu, gake fofoa ya de ŋugble le nya la ŋuti. Yosef nɔviwo dzrae Gbe ɖaka la, Yosef nɔviwo kplɔ wo fofo ƒe alẽwo yi gbedzi le Sekem. Israel gblɔ na Yosef be, “Abe ale si nènyae ene la, nɔviwòwo le alẽawo dzi kpɔm le teƒe si te ɖe Sekem ŋu. Va madɔ wò ɖe nɔviwòwo gbɔ.” Yosef ɖo eŋu be, “Enyo.” Ale wògblɔ nɛ be, “Yi nàkpɔe ɖa be nu sia nu le edzi yim nyuie na nɔviwòwo kple woƒe lãwo hã, eye nàva gblɔe nam.” Ale wòɖoe ɖa le Hebron ƒe Balime. Esime Yosef ɖo Sekem la, ŋutsu aɖe kpɔe le gbea dzi, eye wòbiae be, “Ame ka dim nèle?” Yosef ɖo eŋu be, “Nɔvinyewo kple woƒe alẽwo dim mele; èkpɔ wo nama?” Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Ɛ̃, womegale afi sia o; mese nɔviwòwo nɔ gbɔgblɔm be yewoayi Dotan.” Ale Yosef dze wo yome yi Dotan, eye wòkpɔ wo le afi ma. Ke esi wògbɔna la, wodze sii tso adzɔge ke, eye woɖo be yewoawui! Wogblɔ na wo nɔewo be, “Drɔ̃ekula ma gbɔna ɖaa! Mina míawui atsɔ eƒe ŋutilã aƒu gbe ɖe vudo siawo dometɔ ɖeka me, eye míagblɔ be lã wɔadã aɖee vuvui. Ekema míakpɔ nu si ado tso eƒe drɔ̃ekuku la me ɖa.” Esi Ruben se nya sia la, edze agbagba be yeaɖee tso woƒe asi me. Egblɔ be, “Migana míawui o. Migakɔ ʋu aɖeke ɖi o. Midae ɖe vudo sia me le gbegbe la, gake migade asi eŋu o.” Ruben gblɔ nya sia be yeaɖee tso woƒe asi me, eye yeakplɔe ayi na fofoa. Eya ta esi Yosef ɖo nɔviawo gbɔ la, woɖe eƒe awu ʋlaya la le eŋu, eye wolée da ɖe vudo aɖe si me tsi menɔ o la me. Wonɔ anyi, ɖu nu; kasia wokpɔ kposɔ aɖewo le didiƒe gbɔna wo gbɔ. Wonye Ismaeletɔ asitsala siwo tso Gilead la, eye wotsɔ aŋe, lifi kple kotoklobo yina ɖe Egipte. Yuda gblɔ na nɔviawo be, “Viɖe ka míakpɔ ne míewu mía nɔvi, eye míetsyɔ nu eƒe ʋu dzi? “Mina míadzrae na Ismaeletɔwo, eye míade asi eŋu o, elabena mía nɔviŋutsue; míawo ŋutɔ míaƒe ŋutilã kple ʋue.” Nɔviawo lɔ̃ ɖe edzi. Ale esi Midiansitsalawo va ɖo wo gbɔ la, woɖe Yosef le vudo la me, dzrae na Ismaeletɔwo klosalo blaeve, eye wokplɔe yi Egipte. Ruben menɔ anyi hafi nɔviawo dzra Yosef o. Emegbe esi wòtrɔ gbɔ la, eyi be yeaɖe Yosef le vudo la me, ke esi wòkpɔ be Yosef megale vudoa me o la, evee ŋutɔ, eye wòdze eƒe awuwo. Efa avi hegblɔ na nɔviawo be, “Ɖevi la megale vudo la me o; ke afi ka nye ya mayi fifia?” Nɔviawo wu gbɔ̃ aɖe, eye wotsɔ Yosef ƒe awuwo bliba ɖe gbɔ̃ la ƒe ʋu me. Wotsɔ awu la yi na wo fofo be wòakpɔ ɖa be ame ka tɔe mahã. Wogblɔ nɛ be, “Míekpɔ awu sia le gbedzi. Yosef tɔe loo alo menye etɔe oa?” Wo fofo kpɔe dze sii enumake. Efa avi gblɔ be, “Ɛ̃, vinye ƒe awue. Lã wɔadã aɖee lée; eme kɔ ƒãa be lã wɔadã aɖe vuvu Yosef.” Israel dze eƒe awuwo, ta akpanya, eye wòfa konyi le via ƒe ku ta kɔsiɖa geɖewo. Ƒometɔwo katã dze agbagba be yewoafa akɔ nɛ do kpoe. Egblɔna be, “Medi be maku le vinye la fafa me,” eye wògawoa avi hehehe! Midiantɔwo kplɔ Yosef yi Egipte, eye wodzrae na Potifar, ame si nye Egipte fia, Farao ƒe aƒedzikpɔla kple eŋudzɔsrafowo ƒe amegã. Yuda kple Tamar Le ɣe ma ɣi me la, Yuda ʋu le nɔviawo gbɔ heyi Adulam, eye wònɔ ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Hira la gbɔ. Yuda do go Kanaan nyɔnu aɖe si nye Sua ƒe vi la le afi ma, eye wòɖee. Efɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Er. Egafɔ fu, dzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Onan. Egadzi ŋutsuvi ake, eye wòtsɔ ŋkɔ nɛ be Sela; teƒe si wodzii le lae nye Kezib. Esi via Er tsi la, Yuda na wòɖe nyɔnuvi aɖe si ŋkɔe nye Tamar. Ke Er, Yuda ƒe ŋgɔgbevi nye ŋutsu vɔ̃ɖi aɖe, eya ta Yehowa wui. Yuda gblɔ na Er nɔviŋutsu Onan be, “Ele be nàɖe Tamar abe ale si míaƒe se di tso ame kuku nɔviŋutsu si be wòawɔ ene, ale be Tamar ƒe vi siwo wòadzi na wò la nanyi nɔviwò kukua ƒe dome.” Ke Onan medi be yeadzi vi si womabu abe ye ŋutɔ tɔ ene o, eya ta togbɔ be eɖe Tamar hã la, ɣe sia ɣi si wòadɔ Tamar gbɔ la, enana eƒe ŋutsutsi la duduna ɖe aba la dzi, ale be Tamar mafɔ fu adzi vi si anye nɔvia kukua tɔ o. Le Yehowa gbɔ la, enye nu vɔ̃ Onan wɔ be wògbe be yemadzi vi na ye nɔvi kukua o, eya ta Yehowa wu eya hã. Eya ta Yuda gblɔ na toyɔvia, Tamar be megaɖe srɔ̃ azɔ le ɣe ma ɣi me o, ke boŋ wòatrɔ ayi wo de le edzilawo gbɔ, eye wòanye ahosi va se ɖe esime ye vi suetɔ, Sela natsi ate ŋu aɖee. Ke Yuda meɖo le nyateƒe me be Sela naɖee o, gake egblɔ nenema, elabena evɔ̃ be Mawu ava wu eya hã abe ale si wòwu foa eveawo ene. Ale Tamar yi wo de le edzilawo gbɔ. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yuda srɔ̃ ku. Le kunuwɔwɔ nɛ vɔ megbe la, Yuda kple exɔlɔ̃, Hira, Adulamtɔ la yi Timna be woakpɔ fukoko na alẽwo dzi. Esi ame aɖe gblɔ na Tamar be toa dze Timna mɔ dzi hegbɔna fu ko ge na alẽawo, eye esi wònya azɔ kɔtɛe be womaɖe mɔ yeaɖe Sela o, togbɔ be Sela tsi azɔ hã la, eɖe eƒe ahovɔ da ɖi, eye wòtsɔ motsyɔvɔ tsyɔ mo, ale be womagadze si ye o. Enɔ anyi ɖe mɔ to le Enaim si le Timna mɔ dzi la ƒe agbo nu. Yuda kpɔe esime wòva yina, eye wòbu be gboloe le eƒe motsyɔvɔ la ta. Ale Yuda gogoe hebiae be wòana yeadɔ egbɔ, ke menya be ye ŋutɔ yeƒe toyɔvie o. Tamar biae be, “Ho neni nàxe nam?” Yuda do ŋugbe nɛ be, “Maɖo gbɔ̃vi aɖe ɖe wò tso nye lãwo dome.” Tamar biae be, “Nu ka nàtsɔ ade awɔba, ale be maka ɖe edzi be àɖo gbɔ̃vi la ɖem?” Yuda biae be, “Enyo, awɔbanu kae nèhiã?” Tamar ɖo eŋu be, “Tsɔ wò ŋkɔsigɛ si nètsɔna dea dzesi wò nuwo kple wò atizɔti nam.” Ale Yuda tsɔ wo nɛ. Tamar lɔ̃ Yuda dɔ egbɔ, eye wòfɔ fu. Le esia megbe la, Tamar gade asi eƒe ahovɔ la tata me abe tsã ene. Yuda gblɔ na exɔlɔ̃ Hira, Adulamtɔ la be wòalé gbɔ̃vi la ayi na Tamar, eye wòaxɔ awɔbanuawo vɛ, ke Hira mete ŋu ke ɖe Tamar ŋu o. Hira bia dua me ŋutsuwo be, “Afi ka gbolo si nɔa ŋutsuwo dim le mɔ to le Enaim dua ƒe agbonu la le?” Woɖo eŋu be, “Gbolo aɖeke menɔ afi sia kpɔ o.” Ale wòtrɔ va Yuda gbɔ, gblɔ nɛ be yemete ŋu ke ɖe eŋu o, eye wògblɔ nya si dua me ŋutsuwo gblɔ nɛ la na Yuda. Yuda gblɔ be, “Ekema awɔbanuawo netsi egbɔ faa! Míedze agbagba ale si míate ŋui. Ne míegale eyome tim kokoko la, dua me tɔwo ako mí. Meɖo gbɔ̃tsu la ɖee, ke mèkpɔe o.” Le ɣleti etɔ̃ megbe la, woɖo du ɖe Yuda be toyɔvia Tamar fɔ fu le gbolowɔwɔ ta. Yuda do ɣli be, “Mihee vɛ, eye miatɔ dzoe!” Ke esi wohee yina wuwu ge la, eɖo du ɖe toa be, “Ame si tɔ ŋkɔsigɛ kple eŋuti ka kple atizɔti sia nye la, eya tututue nye ɖevi si dzi ge megbɔna la fofo. Ènya nane tso ŋkɔsigɛ kple atizɔti sia ŋua?” Yuda lɔ̃ be ye tɔwoe, eye wògblɔ be, “Etɔ dzɔ, elabena megbe be nyemawɔ ŋugbedodo dzi atsɔe na vinye, Sela wòaɖe o.” Tso ema dzi la, megadɔ kplii kpɔ o. Eƒe vidziɣi ɖo, eye wòdzi evenɔvi siwo nye ŋutsuviwo. Esi wònɔ ɖeviawo dzim la, vixela la sa ka dzĩ aɖe ɖe ɖevi si do gbɔna gbã la ƒe alɔnu, ke ɖevi la he asi ɖe megbe yi dadaa ƒe dɔ me, eye wodzi ɖevi evelia gbã. Vixela la bia be, “Nu ka ta nèdo ŋgɔ na nɔviwòa ɖo?” Tso gbe ma gbe dzi la, woyɔa ɖevi sia be Perez si gɔmee nye “Ŋgɔdodo.” Eteƒe medidi hafi wodzi ɖevi si ƒe alɔnu ka dzĩ la le la o. Wona ŋkɔe be Zera. Yosef kple Potifar srɔ̃ Esi Ismaeletɔwo kplɔ Yosef yi Egipte la, wodzrae abe kluvi ene na Potifar, ame si nye Egipte fia, Farao ŋumewo dometɔ ɖeka. Eganye Farao ŋu dzɔlawo ƒe amegã kple aƒedzikpɔlawo ƒe amega hã. Yehowa yra Yosef le eƒe aƒetɔ si nye Egiptetɔ la ƒe aƒe me ale gbegbe be nu sia nu si wòwɔna la dzea edzi. Potifar de dzesii be Yehowa li kple Yosef le mɔ tɔxɛ aɖe nu, eya ta Potifar lɔ̃ Yosef. Etsɔe ɖo eƒe aƒemenuwo kple eƒe dɔwɔnawo dzi kpɔkpɔ nu. Enumake Yehowa de asi Potifar yayra me ɖe Yosef ta. Eƒe aƒemenyawo katã tsɔ afɔ nyuie; eƒe agblemenukuwo ʋã nyuie, eye eƒe lãwo hã dzi ɖe edzi, eya ta Potifar tsɔ nu siwo katã nɔ esi la dzi kpɔkpɔ de esi. Zi ale si Yosef li ko la, megatsia dzi ɖe naneke ŋu o, negbe nu si wòadi be yeaɖu ko! Ke Yosef nye ɖekakpui dzeɖekɛ aɖe. Le ɣeyiɣi siawo me la, Potifar srɔ̃ de asi ahiãmoɖoɖo na Yosef me, eye gbe ɖeka la, egblɔ na Yosef be wòadɔ kpli ye. Yosef gbe hegblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, nye aƒetɔ ka ɖe dzinye, eye wòtsɔm ɖo eƒe aƒemenuwo katã nu. Ŋusẽ megale esi wum le aƒe sia me o! Meɖe naneke le nye dzikpɔkpɔ te o, negbe wò ko, elabena srɔ̃e nènye. Aleke mate ŋu awɔ nu vɔ̃ɖi, ŋutasẽnu sia tɔgbi? Anye nu vɔ̃ gã aɖe mawɔ ɖe Mawu ŋu.” Ke Potifar srɔ̃ ganɔ nya la ƒom ɖe Yosef nu kokoko gbe sia gbe, gake Yosef do tokui, eye wòdea axa nɛ ale si wòate ŋui. Gbe ɖeka esi Yosef nɔ eƒe aƒemedɔwo wɔm, eye ame bubu aɖeke menɔ afi ma lɔƒo o la, Potifar srɔ̃ va lé awu ɖe Yosef ŋu, eye wògblɔ nɛ be, “Dɔ gbɔnye!” Yosef ʋli le esi, ke le ʋiʋlia me la, eƒe dziwui tsi nyɔnu la si. Yosef si do le xɔa me. Esi Potifar srɔ̃ kpɔ be eƒe awu tsi ye si, eye wòsi dzo la, eyɔ eƒe subɔlawo, eye wògblɔ na wo be, “Mikpɔ ɖa, wokplɔ Hebri ɖekakpui sia vɛ be wòado ŋukpe mí! Eva afi sia be yeadɔ kplim, ke medo ɣli. Esi wòse medo ɣli be amewo nava xɔ nam la, egblẽ eƒe awu ɖe gbɔnye, eye wòsi do go le aƒea me.” Etsɔ awu la dzra ɖo, eye esi srɔ̃a gbɔ fiẽ ma la, egblɔ nya blibo la nɛ be, “Hebri kluvi ma si nèkplɔ va afi sia la di be yeadɔ gbɔnye sesẽtɔe. Nye ɣlidodo koe ɖem tso eƒe asi me. Esi dzo hegblẽ eƒe awu ɖe megbe!” Esi Potifar se nya sia la, edo dɔmedzoe. Elé Yosef de gaxɔ me, afi si wodea ga fia Farao ƒe gaxɔmenɔlawo ɖo. Ke Yehowa ganɔ kple Yosef le afi ma hã; eve enu, eye wòna gaxɔdzikpɔlawo ƒe amegã ƒe dɔ me trɔ ɖe eŋu. Eteƒe medidi o la, gaxɔdzikpɔlawo ƒe amegã la tsɔ gaxɔa dzi kpɔkpɔ de asi na Yosef, eye gaxɔmenɔla bubuawo katã nɔ ete. Gaxɔdzikpɔlawo ƒe amegã megatsia dzi ɖe naneke ŋuti o, elabena Yosef kpɔa nu sia nu dzi nyuie. Yehowa nɔ kplii, eye nu sia nu dze edzi nɛ nyuie. Yosef ɖe drɔ̃e eve gɔme le gaxɔ me Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Egipte fia ƒe ahakula kple aboloƒola da vo ɖe woƒe aƒetɔ ŋu. Farao do dɔmedzoe ɖe dɔwɔla eve siawo, ahakulawo ƒe amegã kple aboloƒolawo ƒe amegã ŋu, eye wòlé wo ame eveawo de gaxɔ si me Yosef nɔ le Potifar, ame si nye fiaŋumewo ƒe amegã la ƒe mɔ me. Wonɔ afi ma eteƒe didi, eye Potifar ɖoe na Yosef be wòakpɔ wo dzi. Le zã aɖe me la, ame eve siawo dometɔ ɖe sia ɖe, fia ƒe ahakula kple abolomela ku drɔ̃e vovovowo. Drɔ̃e ɖe sia ɖe kple egɔmeɖeɖe. Esi ŋu ke la, Yosef kpɔ be wolé blanui. Yosef bia wo be, “Nu ka tututue le mia wɔm?” Woɖo eŋu be, “Mí ame evea míeku drɔ̃e le zã si va yi la me, ke ame aɖeke mele afi sia aɖe drɔ̃eawo gɔme na mí o.” Yosef gblɔ na wo be, “Mawue ɖea drɔ̃e gɔme; ke milĩ drɔ̃eawo nam kpɔ.” Ale ahakulawo ƒe amegã la lĩ eƒe drɔ̃e la na Yosef. Egblɔ nɛ be, “Mekpɔ wainka aɖe le ŋgɔnye le nye drɔ̃e la me, eye alɔ etɔ̃ nɔ wainka la ŋu. Esi wode asi dzedze kple seƒoƒo me ko la, woƒe tsetsewo de asi ɖiɖi me. Melé Farao ƒe ahakplu ɖe asi, ale megbe waintsetseawo, eye mefia wo ɖe kplu la me hetsɔ na fia la be wòano.” Yosef gblɔ nɛ be, “Mese wo drɔ̃e la gɔme. Alɔdze etɔ̃awo fia ŋkeke etɔ̃! Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, Farao aɖe wò tso gaxɔ me, eye wòana nàgayi wò dɔ dzi abe ahakula ene. Ne ègatrɔ yi wò dɔ me, eye mi kple Farao dome gava nyo la, meɖe kuku na wò be nàve nunye, aɖo ŋku dzinye na Farao be wòaɖem le gaxɔ me, elabena woƒlem dzoe tso nye amewo, Hebritɔwo dome; kpe ɖe esia ŋu la, meva le gaxɔ me le afi sia le esime nyemewɔ naneke si dze na gaxɔmenɔnɔ o.” Esi aboloƒolawo ƒe amegã kpɔ be nya nyui le drɔ̃e gbãtɔ ƒe gɔmeɖeɖe me la, eya hã lĩ eƒe drɔ̃e la na Yosef hegblɔ be, “Le nye drɔ̃ekuku me la, melé abolokusi etɔ̃ ɖe ta; abolo ƒomevi vovovowo le kusi edzitɔ me na Farao, ke xeviwo va ɖu wo keŋkeŋ.” Yosef gblɔ nɛ be, “Drɔ̃e la gɔmee nye be kusi etɔ̃awo fia ŋkeke etɔ̃. Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, Farao atso ta le nuwò, ahe wò ɖe ati ŋu, eye xeviwo aɖu wò lã.” Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, Farao ɖu eƒe dzigbezã, eye wòɖo kplɔ gã aɖe na eŋumewo kple eƒe aƒemetɔwo. Ena wokplɔ ahakula la kple aboloƒolawo ƒe amegã la tso gaxɔ me vɛ. Tete wògatsɔ ahakulawo ƒe amegã ƒe dɔ nɛ; ke etso kufia na aboloƒolawo ƒe amegã ya be woatɔ eƒe ŋutilã ɖe ati nu abe ale si Yosef gblɔe do ŋgɔ tututu ene. Ke Farao ƒe ahakulawo ƒe amegã la ŋlɔ Yosef be enumake, eye megabua eŋu kura o. Farao ƒe drɔ̃ewo Le ƒe eve megbe la, Farao ku drɔ̃e gbe ɖeka le zã me be yetsi tsitre ɖe Nil tɔsisi la to. Tete nyi dami adre do tso tɔsisi la me, eye wonɔ gbe ɖum. Emegbe nyi bubu adre do tso tɔsisi la me, ke woawo ɖi ku glãŋuiglãŋui, eye woƒe axaƒutiwo do. Woyi ɖatsi tsitre ɖe nyinɔ dami adreawo gbɔ. Nyi ɖikuawo lé nyinɔ damiawo mi! Tete Farao nyɔ! Egayi alɔ̃ me kaba, eye wògaku drɔ̃e bubu. Azɔ ya la, ekpɔ bli adre siwo ʋã nyuie la le bliti ɖeka dzi. Enumake bli bubu adre gado ɖe bliti la dzi, ke esiawo ya meʋã kura o, eye ɣedzeƒeya na woyrɔ. Bli yɔyrɔe siawo mi bli ʋaʋãwo! Farao ganyɔ, eye wòdze sii be drɔ̃e sɔŋ ko wonye. Esi ŋu ke, eye wòbu drɔ̃eawo ŋu la, etsi dzimaɖi ŋutɔ le nu si drɔ̃eawo ate ŋu aɖe afia la ŋu. Eyɔ afakalawo kple nunyalawo katã le Egiptenyigba dzi ƒo ƒu, eye wòlĩ drɔ̃eawo na wo, ke wo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖe wo gɔme o. Tete fia ƒe ahakula gblɔ na Farao be, “Egbe la, meɖo ŋku nye nu vɔ̃ dzi. Ɣe aɖe ɣi va yi esi nèdo dɔmedzoe ɖe mí ame eve ŋu, eye nède nye kple aboloƒola gaxɔ me le ŋuwòdzɔlawo ƒe amegã ƒe mɔ me la, nye kple aboloƒola míeku drɔ̃e gbe ɖeka le zã me. Míelĩ drɔ̃eawo na Hebri ɖekakpui aɖe, ame si nye ŋuwòdzɔlawo ƒe amegã la ƒe kluvi le gaxɔa me, eye wòɖe drɔ̃eawo gɔme na mí. “Eye nu sia nu va eme tututu abe ale si wògblɔe ene; nye ahakudɔ gaka asinye, wotso ta le aboloƒola nu, eye wotɔ eƒe ŋutilã ɖe ati nu.” Yosef ɖe Farao ƒe drɔ̃ewo gɔme Farao ɖo du ɖe Yosef enumake. Woɖee le gaxɔa me kaba; eko ta, di awu bubuwo do alɔtsɔtsɔe, eye wòdo ɖe Farao ŋkume. Farao gblɔ na Yosef be, “Meku drɔ̃e aɖe le zã si va yi la me, gake ame siawo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖe egɔme nam o. Ke mese be ètea ŋu ɖea drɔ̃ewo gɔme, eya ta mena woyɔ wò nam.” Yosef gblɔ na Farao be, “Nyemate ŋu aɖe drɔ̃e la gɔme le ɖokuinye si o, ke Mawu ya ate ŋu aɖe drɔ̃ea gɔme na wò!” Ale Farao lĩ drɔ̃e la nɛ be, “Metsi tsitre ɖe Nil tɔsisi la to; tete nyi dami siwo ƒe lãme nyo nyuie la do tso tɔsisi la me, eye wode asi gbeɖuɖu me le tɔsisi la to. Ke nyi bubu adre do tso tɔsisi la me. Woawo ɖi ku glãŋuiglãŋui; nyemekpɔ nyinɔ ɖiku mawo tɔgbi kpɔ le Egiptenyigba dzi o. Nyi ɖiku siawo lé nyinɔ dami siwo do tso tɔsisi la me gbã la mi, eye emegbe la, wogaɖi ku glãŋuiglãŋui abe ale si tututu wonɔ tsã la ene, eye menyɔ! “Eteƒe medidi kura hafi megaku drɔ̃e bubu o. Azɔ ya la, bli adre nɔ bliti ɖeka dzi; bliawo katã ʋã nyuie. Bli adre bubuwo gado ɖe bliti ma ke dzi, ke woawo meʋã o, ke boŋ woyrɔ. Bli yɔyrɔawo mi bli ʋaʋãwo. “Megblɔ esiawo katã na nye afakalawo, ke wo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖe wo gɔme nam o.” Yosef gblɔ na Farao be, “Gɔmeɖeɖe ɖeka koe le drɔ̃e eveawo si. Mawu nɔ nu si wòava wɔ le Egiptenyigba dzi la gblɔm na wò. Nyi dami adreawo kple bli ʋaʋã adreawo fia be le ƒe adre siwo gbɔna me la, nuɖuɖu abɔ ɖe anyigba la dzi. Nyi ɖiku adreawo kple bli maʋamaʋã yɔyrɔ adreawo fia be ƒe adre ƒe dɔwuame adze ƒe adre siwo me nuɖuɖu abɔ la yome. “Ale Mawu ɖe nu si wɔ ge wòala la fia wò. Nuɖuɖu abɔ ɖe Egiptenyigba blibo la dzi le ƒe adre gbãtɔ siwo gbɔna la me. Ke le ƒe mawo yome la, dɔwuame ava ƒe adre, eye enu asesẽ ale gbegbe be nuɖuɖu si bɔ tsã la avɔ, woaŋlɔ woƒe bɔbɔ kpɔ be le Egipte, eye dɔwuame agblẽ anyigba la dzi. “Dɔwuame la nu asesẽ ale gbegbe be ame aɖeke magaɖo ŋku edzi be nuɖuɖu bɔ kpɔ o. Drɔ̃e eve siawo le nu eve fiam Farao; wofia be nya siwo megblɔ na mi la le eme va ge kokoko, elabena Mawu ɖo wo da ɖi, eye woava eme kaba. Susu si mado ɖa lae nye be Farao nadi nunyala gãtɔ kekeake le Egipte, eye nàtsɔe aɖo agbledede ƒe ɖoɖowo nu le anyigba blibo la dzi. Mina Farao natia dɔdzikpɔla ɖe anyigba la dzi be woaxɔ Egipte ƒe nuŋeŋe ƒe atɔ̃lia ɖeka le ƒe adreawo me. Woaƒo nuɖuɖuawo nu ƒu le ƒe nyui siwo gbɔna la me, eye woadzra wo ɖo ɖe avawo me le duwo me na Farao, ale be nuɖuɖu nasɔ gbɔ ate ŋu akplɔ mí to ƒe adre siwo dɔwuame anɔ anyi le Egipte la me. Ne menye nenema o la, tsɔtsrɔ̃ ava anyigba la dzi.” Farao do Yosef ɖe dzi Farao kple eƒe kpeɖeŋutɔwo xɔ Yosef ƒe nyawo. Esi wode ŋugble tso ame si woahiã na dɔ sia ŋu la, Farao gblɔ be, “Ame kae ate ŋu awɔ dɔ vevi sia nyuie wu Yosef? Elabena enye ame si yɔ fũu kple Mawu ƒe Gbɔgbɔ.” Farao trɔ ɖe Yosef gbɔ gblɔ nɛ be, “Zi ale si Mawu ɖe drɔ̃eawo gɔme fia wò ko la, wòe nye nunyala gãtɔ le dukɔa me, eya ta metsɔ wò ɖo dɔ blibo la nu. Nya sia nya si nàgblɔ la, woawɔ edzi le Egiptenyigba blibo la dzi. Nye ɖeka koe aganye amegã na wò.” Wotsɔ Yosef ɖo Egipte nu Ale Farao gblɔ na Yosef be, “Meto esia me tsɔ wò ɖo Egiptenyigba blibo la nu.” Tete Farao ɖe eƒe ŋkɔsigɛ le asi hetsɔ de na Yosef; edo aklala biɖibiɖi ƒe awu nɛ, eye wòde sikakɔsɔkɔsɔ kɔ nɛ. Emegbe la, Farao tsɔ tasiaɖam si kplɔ fia tɔ ɖo la na Yosef, eye afi sia afi si wòyi ko la, ɣli ɖina be, “Midze klo!” Farao gblɔ na Yosef be, “Nye, Egipte fia, meka atam na wò be, ànɔ Egiptenyigba blibo la nu le go sia go me.” Farao tsɔ ŋkɔ yeye na Yosef be Zafenat Paneah. Ŋkɔ sia gɔmee nye “Amewo ƒe agbeɖela, Mawu ƒe ŋusẽ tɔgbi ɖe ku kple agbe dzi.” Farao tsɔ nyɔnuvi aɖe si ŋkɔe nye Asenat, eye wònye Potifera, ame si nye On nunɔla la, ƒe vinyɔnu na Yosef wòɖe. Ale Yosef zu ame xɔŋkɔ aɖe le Egiptenyigba blibo la dzi. Exɔ ƒe blaetɔ̃ esi wòge ɖe Farao, Egipte fia ƒe dɔ me. Yosef dzo le Farao gbɔ, eye wòde asi tsatsa me le anyigba blibo la dzi. Vavã, le ƒe adre gbãtɔwo me la, nukuwo wɔ nyuie ŋutɔ le afi sia afi. Le ƒe mawo me la, Yosef de se be woatsɔ nuku ɖe sia ɖe si woaxa le Egipte la ƒe akpa aɖe ana dziɖuɖu, eye woadzra wo ɖo ɖe avawo me le du gãwo me. Le ƒe adrea ƒe nuwuwu la, avawo yɔ, eye nuɖuɖu si wodzɔ na dziɖuɖu la sɔ gbɔ ale gbegbe be ame aɖeke meganya akɔnta le eŋu o. Le ɣeyiɣi sia me, hafi dɔwuame ƒe ƒe gbãtɔ naɖo la, Asenat, Potifera si nye On nunɔla ƒe vinyɔnu la dzi vi eve na Yosef. Ena ŋkɔ gbãtɔ be Manase si gɔmee nye “Meŋlɔ be.” Nu si Yosef di be yeafia lae nye be Mawu ve ye nu ale gbegbe be yeŋlɔ yeƒe ɖekakpuimefuwo kple yeƒe dzodzo le yewo de be. Ena ŋkɔ Via ŋutsu evelia be Efraim si gɔmee nye “Kutsetse,” elabena egblɔ be, “Mawu na metse ku le teƒe sia, afi si menye kluvi le.” Ale ƒe adre siwo me nuɖuɖu bɔ le Egipte la wu enu, eye dɔwuame ƒe ƒe adreawo dze egɔme abe ale si Yosef gblɔe da ɖi ene. Nukuwo gblẽ le dukɔ siwo ƒo xlã wo la me, ke nuɖuɖu bɔ ɖe avawo me le Egipte. Dɔ de asi Egipte dukɔ la wuwu me. Woɖe kuku na Farao be wòana nuɖuɖu yewo. Eɖo wo ɖe Yosef gbɔ kple nya siawo be, “Miwɔ nu sia nu si wòagblɔ na mi be miawɔ la.” Esi dɔwuame kaka ɖe anyigba blibo la dzi la, Yosef ʋu avawo, eye wòdzra nuɖuɖu na Egiptetɔwo, elabena dɔwuame la nu sesẽ le anyigba la katã dzi. Eye amewo tso dukɔwo katã me va Egipte be yewoaƒle bli le Yosef gbɔ, elabena dɔwuame la nu sesẽ le xexea me katã. Yosef nɔviwo yi Egipte Esi Yakob se be bli nɔ Egipte la, egblɔ na viawo be, “Nu ka ta miele afi sia le mia nɔewo kpɔm ɖo? Mese be bli le Egipte. Miyi afi ma miaƒle bli vɛ hafi dɔ nawu mí míaku.” Ale Yosef nɔviŋutsu ewo yi Egipte be yewoaƒle bli. Ke Yakob mena Yosef nɔvi suetɔ Benyamin yi kpli wo o, elabena evɔ̃ be nya aɖe ava adzɔ ɖe edzi abe ale si wòdzɔ ɖe Yosef dzi ene. Ale Israel ƒe viwo kple ame bubuwo tso anyigba geɖewo dzi va ɖo Egipte be yewoaƒle bli, elabena dɔwuame la nu sesẽ le Kanaan abe teƒe ɖe sia ɖe ene. Esi wònye Yosef tututue nye dziɖula le Egipte katã, eye wònye eyae le blia dzi kpɔm ta la, eya gbɔe nɔviawo yi, eye wodze klo, de ta agu nɛ. Yosef dze si wo enumake, gake ewɔ abe ɖe menya wo kura o ene. Eblu ɖe wo ta kple biabia sia be, “Afi ka mietso?” Woɖo eŋu be, “Míetso Kanaanyigba dzi; míeva bli ƒle ge.” Togbɔ be Yosef kpɔ nɔviawo dze sii hã la, woawo ya mekpɔe dze sii o. Tete wòɖo ŋku eƒe drɔ̃e siwo wòku tso wo ŋu la dzi, eye wògblɔ na wo be, “Ŋkutsalawoe mienye! Ɖe mieva be yewoakpɔ afi si toƒe le le anyigba la ŋu.” Wogblɔ be, “Kpao! Amegã, nuɖuɖu ƒle ge ko míeva; nɔviwo mí katã míenye. Nuteƒewɔlawo míenye. Menye ŋkutsalawoe míenye o!” Etee ɖe wo dzi be, “Ɛ̃, ŋkutsalawoe mienye. Mieva be yewoakpɔ ale si nu te mía ŋui la ɖa.” Woɖe wo ɖokuiwo nu be, “Amegã, míele nɔviŋutsu wuieve; mía fofo le Kanaan. Mía nɔviŋutsu suetɔ le afi ma le mía fofo gbɔ, eye mía nɔviŋutsu ɖeka ku.” Yosef yi edzi be, “Nenema? Nu ka esia fia? Efia be ŋkutsalawoe mienye. Mɔ si dzi mato ado miaƒe nya la ƒe nyateƒenyenye kpɔe nye esi: meta Farao ƒe agbe na mi be miadzo le Egipte akpɔ o va se ɖe esime mia nɔvi suetɔ nava afi sia. Mia dometɔ ɖeka neyi wòakplɔ mia nɔvia vɛ! Made mi ame mamlɛawo gaxɔ me. Ekema míanya ne miaƒe nya la nye nyateƒe alo aʋatso. Ne eva eme be nɔviŋutsu suetɔ aɖeke mele mia si o la, ekema manya be ŋkutsalawoe mienye.” Ale wode wo gaxɔ me ŋkeke etɔ̃. Yosef na nuɖuɖu nɔviawo wotsɔ yi aƒee Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Yosef gblɔ na wo be, “Mawuvɔ̃lae menye. Mana mɔnukpɔkpɔ mi be miana nyateƒe la nadze. Metsɔe be mienye nuteƒewɔlawo; mia dometɔ ɖeka koe atsi gaxɔ me le afi sia; ame bubuawo atsɔ bli ayi mia de na miaƒe ƒometɔwo. Ke ele be miakplɔ mia nɔvi suetɔ vɛ nam be manya nenye nyateƒe tom miele, eye makpɔ nublanui na mi.” Wolɔ̃ ɖe ɖoɖo sia dzi. Wogblɔ na wo nɔewo be, “Vavãe wole to hem na mí ɖe nu si míewɔ ɖe mía nɔvia ŋuti la ta. Míekpɔ ale si wòxaxae esi wònɔ kuku ɖem na mí ɖe eƒe agbe ta, gake míedo tokui, eya tae xaxa sia va mía dzi ɖo.” Ruben gblɔ be, “Nyemegblɔe na mi be migawɔe oa? Miegbe toɖoɖom. Azɔ la, míele kuku ge, elabena míewui.” Womenya be Yosef se nya siwo gblɔm yewole le esime wòtsi tsitre ɖe wo gbɔ la gɔme o, elabena eƒoa nu na wo to nyagɔmeɖela aɖe dzi. Edzo le wo gbɔ yi teƒe aɖe, afi si wòate ŋu afa avi le. Esi wòtrɔ gbɔ la, etɔ asi Simeon dzi, eye wòna woblae le eŋkume. Emegbe la, Yosef ɖe gbe na eƒe subɔlawo be woade bli ameawo ƒe kotokuwo me, ke egagblɔ na wo le adzame be woatsɔ fe si wo dometɔ ɖe sia ɖe xe la ade eƒe nuɖuɖu dzi le kotokua me! Etsɔ nu si woaɖu le mɔa dzi la hã na wo. Ale wodo agba na woƒe tedziwo, eye wodze aƒemɔ dzi. Ke esi wotɔ ɖe afi aɖe, eye wo dometɔ ɖeka ʋu eƒe kotoku be yeaɖe blia ƒe ɖe na tedziawo la, ekpɔ eƒe ga le eƒe kotokua me! Edo ɣli gblɔ na nɔviawo be, “Mikpɔ nam ɖa! Nye gae nye esi le kotokua me!” Vɔvɔ̃ ɖo wo. Wode asi dzodzo me nyanyanya, eye wogblɔ na wo nɔewo be, “Nu kae nye esi Mawu wɔ na mí?” Ale wova ɖo wo fofo, Yakob gbɔ le Kanaan, eye wogblɔ nu siwo katã dzɔ la nɛ. Yosef nɔviwo gblɔ nu si dzɔ la na Yakob Wogblɔ nɛ be, “Fia la ƒe kpeɖeŋutɔ blu ɖe mía ta, eye wòtsɔ mí abe ŋkutsalawo ene. Míegblɔ nɛ be, ‘Gbeɖe, nuteƒewɔlawo míenye, menye ŋkutsalawo míenye o. Míegagblɔ nɛ hã be nɔviŋutsu wuievee míenye, fofo ɖeka ƒe viwo; ɖeka ku, eye suetɔ le mía fofo gbɔ le Kanaanyigba dzi.’ Ŋutsu la gblɔ na mi be, ‘Mɔ si dzi mato anya ne mienye nu si miebe yewonye le nyateƒe me lae nye esi: Migblẽ mia nɔvi ɖeka ɖe gbɔnye le afi sia, eye miatsɔ bli ayi aƒee na miaƒe ƒometɔwo, gake mikplɔ mia nɔvi suetɔ vɛ nam. Ekema manya nenye ŋkutsalawo mienye loo alo nuteƒewɔlawo mienye. Ne miete ŋu ɖe nu si miebe yewonye fia la, ekema maɖe asi le mia nɔvia ŋu na mi, eye miate ŋu ava aƒle bli le afi sia ɣe sia ɣi si mielɔ̃ la.’ ” Esi wotrɔ bli la le kotokuawo me la, wokpɔ ga si woxe ɖe blia ta le kotokuawo me! Vɔvɔ̃ ɖo wo kple wo fofo siaa. Tete Yakob do ɣli be, “Miena vinyewo le bubum ɖem. Yosef metrɔ gbɔ o; Simeon hã yi, eye azɔ miedi be yewoakplɔ Benyamin hã ayii! Nu sia nu tsi tsitre ɖe ŋunye!” Ruben gblɔ na fofoa be, “Ne nyemekplɔ Benyamin gbɔe o la, ekema, wu vinye ŋutsuvi eveawo. Makpɔ Benyamin dzi wòanɔ dedie.” Ke Yakob ɖo eŋu be, “Vinye Benyamin mayi kpli mi o, elabena nɔvia Yosef ku, eye Benyamin koe nye dadaa ƒe vi si susɔ. Ne nane wɔe la, ku ko maku.” Yosef nɔviwo yi Egipte zi evelia Ke dɔwuame sesẽ la nu mebɔbɔ kura le anyigba la dzi o. Esi bli si wotsɔ tso Egipte nɔ vɔvɔm la, wo fofo gblɔ na wo be, “Migayi ne miaƒle nuɖuɖu sue aɖe vɛ na mí.” Ke Yuda gblɔ nɛ be, “Ŋutsu la te gbe ɖe edzi na mí be, ‘Miagakpɔ nye ŋkume o, negbe ɖeko mia nɔvi la anɔ mia ŋu hafi! Ne míakplɔ mía nɔvi ayii la, ekema míayi aɖaƒle nuɖuɖu vɛ na wò. Míate ŋu ayi o, negbe ɖeko nàna Benyamin nayi kpli mí hafi.’ ” Israel fa konyi be, “Nu kae dɔ mi ɖa be miagblɔ nɛ be nɔviŋutsu bubu gale yewo si? Nu ka ta miawɔm alea ɖo?” Wogblɔ nɛ be, “Ŋutsu la bia nya mí tsitotsito tso míaƒe ƒome ŋu. Edi be yeanya ne mía fofo le agbe, eye wòbia be nɔvi bubu gale mía si mahã? Nu sia tae míegblɔe nɛ ɖo. Aleke míate ŋu anya be agblɔ be, ‘Mikplɔ mia nɔvi suetɔ vɛ nam’?” Yuda gblɔ na fofoa Israel be, “Ɖe asi le ɖevi la ŋu nam ne míadze mɔ; ne menye nenema o la, dɔ awu mí katã míaku, menye míawo ɖeɖe koe aku o: wò ŋutɔ hã kple mía vi suewo siaa aku. Makpɔ eƒe dedinɔnɔ gbɔ. Ne nyemekplɔe gbɔe na wò o la, ekema na fɔɖiɖi la nanɔ dzinye tegbee. Nenye ɖe nèɖe asi le eŋu nam la, anye ne míede gbɔ xoxo.” Ale wo fofo, Israel gblɔ na wo mlɔeba be, “Ne wòanɔ nenema kokoko la, ekema nu suetɔ si miawɔ la koe nye be miado agba na miaƒe tedziwo kple nu nyuitɔ siwo le míaƒe anyigba dzi la: lifi, anyitsi, ami ʋeʋĩ, kotoklobo, ayedee kple newo, eye miatsɔ wo ayi ɖana ŋutsu la. Mitsɔ ga teƒe eve ɖe asi, ale be miate ŋu axe ga si wogbugbɔ de miaƒe kotokuwo me la, elabena ɖewohĩ ame aɖe ƒe vodadae, eye miakplɔ mia nɔvia ayii! Mawu Ŋusẽkatãtɔ la nave mia nu le ŋutsu la ŋkume, ale be wòaɖe asi le Simeon ŋu, eye wòana Benyamin natrɔ gbɔ. Ne ava eme kokoko be wòaku, eye maxa nu hã la, ekema nenɔ nenema ko faa.” Ale wotsɔ nunanawo kple ga home teƒe eve kpe ɖe Benyamin ŋu yi Egipte, eye wodo ɖe Yosef ŋkume. Esi Yosef kpɔ be wokplɔ Benyamin vɛ la, egblɔ na eƒe aƒedzikpɔla be, “Ame siawo aɖu nu kplim ŋdɔ sia; kplɔ wo yi aƒe me, eye nàdzra ɖo ɖe kplɔ̃ gã aɖe ɖoɖo ŋu.” Ale aƒedzikpɔla la wɔ nu si wogblɔ nɛ la, eye wòkplɔ wo yi Yosef ƒe fiasã me. Esi wokpɔ teƒe si wokplɔ wo yinae la, vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ. Wogblɔ be, “Ga si wogbugbɔ de míaƒe kotokuawo me la tae. Edi be wòadze abe ɖe míefi ga la ene, ale be yeawɔ mí kluviwo, eye yeaxɔ míaƒe tedziwo.” Esi woɖo fiasã la ƒe agbo nu la, wote ɖe Yosef ƒe aƒedzikpɔla ŋu, eye wogblɔ nɛ be, “Amegã, esi míeva Egipte va ƒle nuɖuɖu zi gbãtɔ, eye esi míetrɔ yina aƒe la, míetsi afi aɖe dɔ, eye míeʋu míaƒe kotokuwo nu. Kasia míekpɔ be ga si míexe ɖe blia ta la le míaƒe kotokuawo me. Ga lae nye esi míetrɔ vɛ, kpe ɖe ga si míatsɔ aƒle bli fifia la ŋu. Ale si tututu ga la wɔ hafi ge ɖe míaƒe kotokuwo me la, míenya o.” Aƒedzikpɔla la gblɔ na wo be, “Migatsi dzi ɖe eŋu o; miaƒe Mawu, ɛ̃, mia fofowo ƒe Mawu ŋutɔe anya tsɔ ga la de miaƒe kotokuawo me, elabena míawo míexɔ ga la le mia si pɛpɛpɛ.” Eɖe Simeon le gaxɔ me, eye wòkplɔe va nɔviawo gbɔ. Azɔ wokplɔ wo yi Yosef gbɔ le fiasã la me. Wona tsi wo be woaklɔ afɔ, eye wona nuɖuɖu woƒe tedziwo. Nɔviawo nɔ klalo be yewoatsɔ nunanawo ana Yosef ne eva le ŋdɔ me, elabena wogblɔ na wo be wole nu ɖu ge le afi ma. Esi Yosef va la, wotsɔ nunanawo nɛ, eye wode ta agu nɛ. Ebia woƒe agbe ta, eye wòbia wo be, “Aleke mia fofo, amegãɖeɖi si ƒe nya miegblɔ nam la le? Egale agbea?” Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, ele agbe, eye eli nyuie hã.” Wogade ta agu nɛ abe tsã ene. Ekpɔ dadavia, Benyamin dũu, eye wòbia be, “Mia nɔvi suetɔ si ƒe nya miegblɔ nam lae nye esia?” Egblɔ na Benyamin be, “Vinye, èfɔa? Mawu nave nuwò.” Tete Yosef tso kpla, eye wòdo go le xɔa me, elabena eƒe lɔlɔ̃ na dadavia, Benyamin ʋuʋu eƒe dzi ale gbegbe be wònɔ nɛ be wòado go aɖafa avi. Eyi eƒe xɔ gã me, eye wòfa avi hehehe. Le esia megbe la, efu mo, eye wòdo go. Eɖu eɖokui dzi hegblɔ be, “Mina míaɖu nu.” Yosef ɖeka nɔ kplɔ̃ ŋu, nɔviawo nɔ kplɔ̃ bubu ŋu, eye Egiptetɔwo hã nɔ kplɔ bubu sãa ŋu, elabena Egiptetɔwo doa vlo Hebritɔwo, eye womeɖua nu kpli wo o. Yosef fia teƒe si nɔviawo anɔ le woƒe kplɔ̃ ŋu la wo, eye wòɖo wo ɖe tsitsi nu, tso tsitsitɔ dzi va se ɖe ɖevitɔ dzi. Nu sia wɔ nuku na wo ŋutɔ! Ena woka nuɖuɖu na wo tso eya ŋutɔ ƒe kplɔ̃ dzi. Ena wona nuɖuɖu Benyamin wòsɔ gbɔ zi atɔ̃ wu ame bubuawo tɔ. Emegbe la, wona aha wo wono. Dzi dzɔ wo ŋutɔ. Yosef ƒe asrafowo lé Benyamin Esi nɔviawo ƒe dzodzoɣi ɖo la, Yosef gblɔ na eƒe aƒedzikpɔla la be wòade bli woƒe kotokuwo katã me, ɖe sia ɖe nayɔ abe ale si wòate ŋu atsɔ ene, eye wòatsɔ ga si ame sia ame xe ɖe blia ta la ade eƒe kotoku me! Egblɔ nɛ hã be wòatsɔ ye ŋutɔ yeƒe klosalokplu ade Benyamin ƒe kotoku me, kpe ɖe bliƒlega la ŋu. Ale aƒedzikpɔla la wɔ ɖe nu siwo Yosef gblɔ nɛ la dzi. Nɔviawo fɔ fɔŋli, eye wodze mɔ kple woƒe tedziawo. Ke esi wodo go le dua me teti ko la, Yosef gblɔ na eƒe aƒedzikpɔla la be, “Dze wo yome kaba; na woatɔ, eye nàbia wo be nu ka ta wowɔ nu sia tɔgbi esime menyo dɔ me na wo nenema mahã? Bia wo be, ‘Nu ka ta miefi nye aƒetɔ ƒe klosalokplu si me wònoa nu le, eye wògawɔa eŋu dɔ hena nukaka mahã? Nu vɔ̃ɖi kae nye esi miewɔ?’ ” Aƒedzikpɔla la yi ɖatu wo, eye wòƒo nu na wo abe ale si woɖo nɛ tututu ene. Wobiae be, “Ao, aƒetɔ, nya ka tututu gblɔm nèle? Nu sia wɔwɔ nade megbe xaa tso wò dɔlawo gbɔ. Ɖe míetrɔ ga si míekpɔ le míaƒe blikotokuwo me le Kanaan la vɛ oa? Nu ka ta míafi klosalo alo sika le wò aƒetɔ ƒe aƒe me ɖo? Ne èkpɔ eƒe kplu le mía dometɔ aɖe ƒe kotoku me la, ekema na ame ma naku, eye nàna mí ame mamlɛawo katã miazu kluviwo na wò aƒetɔ tegbetegbe.” Aƒedzikpɔla la gblɔ be, “Enyo nenema, gake ame si fii la koe azu kluvi, eye ame bubuawo ate ŋu adzo faa.” Woɖe woƒe kotokuawo le woƒe tedziwo dzi kaba, eye woʋu wo nu. Edze kplua didi le kotokuawo me gɔme tso nɔvi tsitsitɔ dzi nɔ yiyim ɖe tsitsi nu va se ɖe esime wòva ɖo ɖevitɔ dzi. Tete wòkpɔ kplu la le Benyamin ƒe kotoku me! Wodze woƒe awuwo le dziɖeleameƒo ta. Wogado agba na woƒe tedziwo, eye wogatrɔ yi dua me. Yosef nɔviwo dze klo, eye woɖe kuku nɛ Yosef ganɔ eƒe aƒe me esime Yuda kple nɔviawo trɔ va ɖo, eye wodze klo de ta agu nɛ. Yosef bia be, “Nu ka miete kpɔ be yewoawɔ? Ɖe mienya be ame abe nye ene anya ame si fii oa?” Yuda gblɔ be, “O, nu ka magblɔ na nye aƒetɔ? Kuku ka míate ŋu aɖe? Aleke míate ŋu aɖe míaƒe fɔmaɖimaɖi afiae? Mawu le to hem na mí ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta. Aƒetɔ, mí katã míetrɔ va be míazu wò kluviwo, míawo kple ame si ƒe kotoku me wokpɔ kplu la le siaa.” Yosef gblɔ be, “Ao, ame si fi kplu la koe anye nye kluvi. Mi ame mamlɛawo ya, miyi mia de le mia fofo gbɔ.” Tete Yuda te ɖe eŋu gblɔ be, “O, nye aƒetɔ, ɖe mɔ nam magblɔ nya ɖeka sia ko na wò. Gbɔ dzi ɖi nam vie, elabena menya be àte ŋu awɔ nu sia nu le aɖabaƒoƒo ɖeka me abe wòe nye Farao ene. “Aƒetɔ, èbia mí be mía fofo alo mía nɔvi aɖe li mahã, eye míegblɔ be, ‘Ɛ̃, mía fofo, amegãɖeɖi li, eye eƒe tsitsimevi, ŋutsuvi sue aɖe hã li. Dadavia ɖekɛ la ku; eya koe susɔ le dadaa ƒe viwo dome, eye fofoa lɔ̃e ŋutɔ.’ Ègblɔ na mí be, ‘Mikplɔe va afi sia be makpɔe ɖa.’ Ke megblɔ na wò be, ‘Aƒetɔ, ɖevi la mate ŋu adzo le fofoa gbɔ o, elabena eƒe dzodzo ana fofoa naku.’ Ke ègblɔ na mí be, ‘Ne mia nɔvi suetɔ manɔ mia dome o la, ekema migava afi sia azɔ o.’ Ale míetrɔ yi wò dɔla mía fofo gbɔ, eye míegblɔ nu si wò nye aƒetɔ gblɔ la nɛ. Esi wògblɔ na mí be, ‘Migayi miaƒle nuɖuɖu vɛ’ la, míegblɔ be, ‘Míate ŋu ayi o, negbe ɖeko nàɖe mɔ na mí míakplɔ mía nɔvi suetɔ ɖe asi hafi. Eya ko hafi míate ŋu ayi.’ “Ale mía fofo gblɔ na mí be, ‘Mienya be viŋutsu evee dadaa dzi nam, eye ɖeka megatrɔ gbɔ o: lã aɖe anya lée kokoko; nyemegakpɔe kpɔ tso ɣe ma ɣi o. Ne miegakplɔ nɔvia hã dzoe le gbɔnye, eye nane wɔe la, maku kple nuxaxa.’ Ke azɔ la, aƒetɔ, ne matrɔ ayi fofonye gbɔ, nyemakplɔ ɖevi la ɖe asi o, esi menya be fofonye melɔ̃a nu le ɖevi la gbɔ o, ne ekpɔ be ɖevi la megbɔ kpli mí o la, mía fofo aku, eye wòazu be míawoe na wòyi yɔ me kple nuxaxa. Aƒetɔ, meɖe adzɔgbe na fofonye be makpɔ ɖevi la dzi nyuie. Megblɔ nɛ be, ‘Ne nyemekplɔ ɖevi la gbɔe o la, fɔɖiɖi sia nanɔ dzinye tegbee!’ Meɖe kuku na wò, na matsi afi sia abe wò kluvi ene ɖe ɖevi la teƒe, eye nàna ɖevi la natrɔ kple nɔvia bubuawo. Aleke mate ŋu atrɔ ayi fofonye gbɔ esime nyemakplɔ ɖevi la ɖe asi o? Nyemate ŋu akpɔ nu si nu sia awɔe la teƒe o.” Yosef ɖe eɖokui fia nɔviawo Yosef magate ŋu aɖu eɖokui dzi azɔ o. Eɖe gbe na eŋumewo katã be, “Ame sia ame nado go.” Ale eya kple nɔviawo koe susɔ. Tete wòde asi avifafa me sesĩe. Egiptetɔwo se eƒe avifafa le fiasã la me, eye eƒe avifafa ƒe nya ɖo Fia Farao ƒe fiasã me enumake. Egblɔ na nɔviawo be, “Nyee nye Yosef! Fofonye gale agbea?” Ke nɔviawo lulũ ale gbegbe be womete ŋu ke nu o. Egblɔ na wo be, “Mite va gbɔnye.” Ale wote ɖe eŋu. Egagblɔ na wo be, “Nyee nye Yosef, mia nɔvi, ame si miedzra wokplɔ dzoe yi Egipte! Gake migado dɔmedzoe ɖe mia ɖokuiwo ŋu be yewowɔ nu sia ɖe ŋunye o, elabena Mawue wɔe! Eɖom ɖe afi sia do ŋgɔ na mi, ale be mate ŋu aɖe miaƒe agbe. Ƒe eve koe nye esia dɔwuame la va, eye anɔ anyi wòade ƒe adre esime nuƒaƒã alo nuŋeŋe manɔ anyi o. Mawu ɖom ɖe afi sia be mana miawo kple miaƒe ƒometɔwo miatsi agbe, ale be miate ŋu azu dukɔ gã aɖe. “Ɛ̃, Mawue ɖom ɖe afi sia, menye miawoe o. Ewɔm aɖaŋuɖolae na Farao, eye wòna mezu dzikpɔla na dukɔ la katã kple Egiptenyigba blibo la dzi ɖula. “Miɖe abla miayi fofonye gbɔ, eye miagblɔ nɛ be viwò Yosef be, ‘Mawu ɖom amegãe ɖe Egiptenyigba blibo la dzi. Va gbɔnye fifi laa! Ànɔ Gosen ƒe anyigba dzi, ale be wò kple viwòwo katã, wò tɔgbuiyɔviwo, wò lãwo kple nu siwo katã le asiwò la, miate ɖe ŋunye. Makpɔ dziwò le afi ma, elabena ƒe atɔ̃ ƒe dɔwuame gale mía ŋgɔ. Ne menye nenema o la, wò kple wò aƒemetɔwo kple ame siwo katã nye tɔwòwo la, miazu dɔwuitɔwo.’ “Miawo ŋutɔ miate ŋu akpɔe, eye nenema ke nɔvinye Benyamin hã, be nye tututue nye ame si le nu ƒom na mi la. “Migblɔ ŋusẽ si le asinye le Egipte kple ale si ame sia ame ɖoa tom la na mía fofo, eye miakplɔe vɛ nam kaba.” Tete wòde asi dzidzɔvifafa me. Ekpla asi kɔ na Benyamin, eye eya hã de asi avifafa me. Egbugbɔ nu na nɔviawo dometɔ ɖe sia ɖe, eye wògafa dzidzɔvi. Azɔ ko hafi nɔviawo te ŋu ƒo nu. Farao ɖe mɔ be Yosef nana eƒe ƒometɔwo nava Egipte Nya la ɖo Farao gbɔ be, “Yosef nɔviwo va.” Esi Farao kple eŋumewo se nya sia la, dzi dzɔ wo ŋutɔ. Farao gblɔ na Yosef be, “Gblɔ na nɔviwòwo be woado agba na woƒe tedziwo enumake, atrɔ ayi wo de le Kanaan kaba, eye woakplɔ mia fofo kple miaƒe ƒometɔwo katã ava Egipte, ale be woanɔ afi sia. Gblɔ na wo be, ‘Farao ana teƒe nyuitɔ kekeake wo le Egipte. Mianɔ agbe ɖe anyigba sia ƒe nu nyuiwo dzi!’ Gblɔ na nɔviwòwo be woatsɔ tasiaɖamwo tso Egipte be woakɔ wo srɔ̃wo kple ɖeviwo, eye woakplɔ wo fofo va afi sia. Migatsi dzi ɖe nu siwo le mia si la ŋu o, elabena Egipte ƒe anyigba nyuitɔ zu mia tɔ.” Yosef tsɔ tasiaɖamwo na Israel ƒe viwo abe ale si Farao gblɔ ene, eye wòtsɔ nu si woaɖu le mɔzɔzɔ me la hã na wo. Etsɔ awu yeyewo na wo dometɔ ɖe sia ɖe, ke etsɔ awudodo atɔ̃ kple klosalo alafa atɔ̃ na Benyamin. Ena tedzi ewo tsɔ nu nyui siwo le Egipte la yi na fofoa, eye wògana tedzi ewo bubu tsɔ bli kple nuɖuɖu vovovowo yi nɛ be wòaɖu le mɔa dzi. Ale wòdo mɔ nɔviawo. Nya mamlɛtɔ si Yosef gblɔ na nɔviawo lae nye, “Migawɔ dzre le mɔa dzi o hee!” Ale wodzo le Egipte trɔ yi Kanaanyigba dzi le wo fofo Yakob gbɔ. Wodo ɣli gblɔ na wo fofo be, “Yosef le agbe, eye wòzu Egiptenyigba blibo la dzi ɖula!” Ke nya la wɔ moya na Yakob ale gbegbe be mexɔe se o. Ke esi wogblɔ nya siwo Yosef be woagblɔ nɛ, eye wòkpɔ tasiaɖam siwo me nuɖuɖu si Yosef ɖo ɖee le la, Yakob ƒe dzi ɖo eme azɔ. Israel gblɔ be, “Nyateƒee, vinye Yosef le agbe, mayi aɖakpɔe ɖa hafi aku.” Yakob kple eƒe ƒometɔwo ʋu va Egipte Ale Israel dze mɔ kple eƒe nuwo katã, eye esi wòva ɖo Beerseba la, esa vɔ na fofoa Isak ƒe Mawu. Le zã me la, Mawu ƒo nu na Israel le ŋutega me. Mawu yɔe be, “Yakob! Yakob!” Yakob tɔ be, “Nyee nye esi.” Gbe la gblɔ be, “Nyee nye Mawu, fofowò ƒe Mawu, mègavɔ̃ na Egipte yiyi o, elabena mana nàzu dukɔ gã aɖe le afi ma. Mayi Egipte kpli wò, eye magakplɔ wò agbɔe godoo, eye Yosef ŋutɔ ƒe asi amia wò ŋkuwo.” Ale Yakob dzo le Beerseba, eye Israel ƒe viwo kɔe kple wo viwo kpakple wo srɔ̃wo ɖe tasiaɖam siwo Farao na wo la me yi Egipte. Wotsɔ woƒe lãwo kple nu siwo katã wokpɔ le Kanaanyigba dzi la ɖe asi yi Egipte. Wokplɔ Yakob kple via ŋutsuwo, via nyɔnuwo, tɔgbuiyɔvia ŋutsuwo kple tɔgbuiyɔvia nyɔnuwo siaa yi Egipte. Israel alo Yakob ƒe dzidzimeviwo Israel alo Yakob ƒe viwo kple eƒe tɔgbuiyɔvi siwo yi Egipte kplii la woe nye: Ruben, Yakob ƒe viŋutsu tsitsitɔ. Ruben ƒe viwo: Hanok, Palu, Hezron kple Karmi. Simeon ƒe viŋutsuwo: Yemuel, Yamin, Ohad, Yakin, Zohar kple Saul. Kanaan nyɔnu aɖee nye Saul dada. Levi ƒe viŋutsuwo: Gerson, Kohat, Merari. Yuda ƒe viŋutsuwo: Er, Onan, Sela, Perez, Zera. (Ke Er kple Onan ku le Kanaan do ŋgɔ na Israel ƒe ʋuʋu yi Egipte.) Perez ƒe viŋutsuwoe nye: Hezron kple Hamul. Isaka ƒe viŋutsuwo: Tola, Puva, Yob, Simrɔn. Zebulon ƒe viŋutsuwo: Sered, Elon, Yahlil. Esiawoe nye viŋutsu siwo Lea dzi na Yakob le Padan Aram, kpe ɖe via nyɔnuvi Dina ŋu. Viŋutsu kple vinyɔnu siawo katã le blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃. Gad ƒe viŋutsuwoe nye: Zefon, Hagi, Suni, Ezbon, Eri, Arodi kple Areli. Aser ƒe viŋutsuwoe nye: Imna, Isva, Isvi kple Beria. Wo nɔvinyɔnu ŋkɔe nye Sera. Beria ƒe viŋutsuwoe nye: Heber kple Malkiel. Ame wuiade siawo nye Yakob kple Zilpa, kosi si Lea fofo Laban tsɔ na Lea la ƒe viŋutsuwo. Esiawoe nye Yakob ƒe viŋutsu siwo srɔ̃a Rahel dzi nɛ: Yosef kple Benyamin. Yosef ƒe viŋutsu siwo wòdzi le Egipte la woe nye: Manase kple Efraim. Wo dadae nye Asenat, Potifera, ame si nye nunɔla na On ƒe vinyɔnu la. Benyamin ƒe viŋutsuwo: Bela, Beker, Asbel, Gera, Naaman, Ehi, Ros, Mupim, Hupim kple Ard. Woawoe nye viŋutsu siwo Rahel dzi na Yakob; wo katã le ame wuiene. Dan ƒe viŋutsue nye: Husim. Naftali ƒe viŋutsuwoe nye: Yaziel, Guni, Yezer kple Silem. Esiawoe nye Bilha, kosi si Laban tsɔ na via nyɔnu Rahel la ƒe viŋutsu siwo wòdzi na Yakob—wo katã le ame adre. Ale ame siwo katã yina Egipte, eye wonye Yakob ƒe dzidzimeviwo, ne Yakob ƒe viŋutsuwo srɔ̃wo mele eme o la, wode ame blaade-vɔ-ade. Ne Yosef ƒe viŋutsu eveawo kpee la, Yakob ƒe aƒemetɔwo de blaadre le Egipte. Wona teƒe Yakob kple eƒe amewo ɖe Egipte Yakob na Yuda do ŋgɔ be wòagblɔ na Yosef be yewole mɔa dzi gbɔna, eye esusɔ vie yewoaɖo Gosen. Eteƒe medidi o la, woɖo Gosen. Yosef dzo ge ɖe eƒe tasiaɖam me, eye wòyi ɖakpe fofoa Israel le Gosen. Wokpla asi kɔ na wo nɔewo, eye wofa avi ɣeyiɣi didi aɖe. Israel gblɔ na Yosef be, “Azɔ la, mate ŋu aku faa, elabena megakpɔ wò agbagbee.” Yosef gblɔ na nɔviawo kple woƒe aƒemetɔwo katã be, “Mayi aɖagblɔ na Farao be mieva ɖo, eye mietso Kanaanyigba dzi be miava anɔ afi sia kplim. Mana wòanya be, ‘Ame siawo nye alẽkplɔlawo. Wova kple woƒe lãwo kple nu siwo katã le wo si la.’ Eya ta ne Farao yɔ mi, eye wòbia be dɔ ka miewɔna hã la, migblɔ nɛ be, ‘Míenye alẽkplɔlawo tso keke míaƒe ɖekakpuime ke abe ale si mía fofowo hã nye alẽkplɔlawo ene.’ Ne miegblɔ nɛ alea la, ana mianɔ Gosenyigba dzi le afi sia, elabena wodoa vlo alẽkplɔlawo, eye wolé fu wo le Egipte ƒe akpa bubuawo.” Esi wova ɖo la, Yosef yi Farao gbɔ, eye wògblɔ nɛ be, “Fofonye kple nɔvinyewo tso Kanaan va ɖo afii kple woƒe lãwo kpakple woƒe nuwo katã. Wodi be yewoanɔ Gosenyigba dzi.” Ekplɔ nɔvia ŋutsu atɔ̃ ɖe asi, eye wòɖe wo fia Farao. Farao bia wo be, “Dɔ ka miewɔna?” Woɖo eŋu be, “Míenye alẽkplɔlawo abe mía tɔgbuiwo kple mía fofowo ene. Míeva be míanɔ Egipte, elabena gbeɖuƒe mele Kanaanyigba dzi na míaƒe lãwo o; dɔwuame la nu sesẽ le afi ma ŋutɔ. Míele mɔ biam be nàna míanɔ Gosenyigba dzi.” Farao gblɔ na Yosef be, “Fofowò kple nɔviwò ŋutsuwo va gbɔwò, eye Egiptenyigba le ŋkuwò me. Na fofowò kple nɔviwò ŋutsuwo nanɔ anyigba la ƒe akpa nyuitɔ dzi. Na woanɔ Gosen. Ne ènya wo dometɔ aɖe si ŋu ŋutete tɔxɛ aɖe le la, nàna wòakpɔ nye ŋutɔ nye lãhawo dzi.” Emegbe la, Yosef kplɔ fofoa, Yakob va Farao gbɔ, eye Yakob yra Farao. Farao bia Yakob be, “Ƒe neni nèxɔ?” Yakob ɖo eŋu be, “Mexɔ ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃, meto nu sesẽ geɖewo me, eye nyemetsi abe fofonyewo ene haɖe o.” Yakob gayra Farao hafi dzo. Ale Yosef tsɔ anyigba nyuitɔ le Egipte, afi si nye Ramesesnyigba la na fofoa kple nɔviawo abe ale si Farao gblɔe ene. Yosef na nuɖuɖu wo ɖe ame siwo dzi kpɔm wole la ƒe xexlẽme nu. Dɔwuame va Egipte Dɔwuame la nu ganɔ sesẽm ɖe edzi kokoko le Egipte kple Kanaan siaa. Yosef xɔ ga siwo katã le ame siwo le Egipte kple Kanaan la si, eye wòna nuɖuɖu wo ɖe woƒe ga teƒe. Etsɔ ga la de Farao ƒe gadzraɖoƒe. Azɔ ga vɔ keŋkeŋ le ameawo si, gake wogava Yosef gbɔ kple kukuɖeɖe be wòagana nuɖuɖu yewo. Wogblɔ nɛ be, “Míaƒe ga vɔ keŋkeŋ, gake na nuɖuɖu mí, elabena mele be míaku o.” Yosef ɖo eŋu na wo be, “Enyo, mitsɔ miaƒe lãwo nam ne miaxɔ nuɖuɖu ɖe wo teƒe.” Ale wotsɔ woƒe nyiwo vɛ na Yosef, eye woxɔ nuɖuɖu ɖe wo teƒe. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Egiptetɔwo ƒe sɔwo, alẽwo, nyiwo kple tedziwo katã zu Farao tɔ. Esi ƒe trɔ la, wogayi Yosef gbɔ, eye wogblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, míate ŋu aɣla nya aɖeke ɖe wò o. Míaƒe ga vɔ, eye míaƒe lãhawo zu tɔwò; míaƒe nu siwo susɔ la koe nye míaƒe ŋutilãwo kple míaƒe agblenyigbawo. Nu ka ta míaku ɖo? Ƒle mí kple míaƒe agblenyigbawo, eye míawo kple míaƒe agblenyigbawo siaa míazu Farao tɔ. Míadzra mía ɖokuiwo na wò axɔ nuɖuɖu, ekema míatsi agbe, eye anyigba la matsi yame o.” Ale Yosef ƒle Egiptetɔwo ƒe agblenyigbawo katã na Farao. Egiptetɔwo katã dzra woƒe anyigbawo, elabena dɔwuame la nu sesẽ ŋutɔ. Ale anyigba la zu Farao tɔ. Ale Egiptetɔwo katã zu awɔbamewo na Farao. Anyigba si meƒle o la koe nye esi nye nunɔlawo tɔ, elabena Farao naa nuɖuɖu wo, eye mehiã be woadzra woƒe anyigba o. Yosef gblɔ na ameawo be, “Meƒle miawo ŋutɔ kple miaƒe anyigbawo na Farao. Blie nye esi, miyi miade agble. Mima nu sia nu si miaxa la ɖe akpa atɔ̃ me; ɖeka nanye Farao tɔ. Akpa ene nanye mia tɔ, wòanye nuƒaƒã le ƒe si gbɔna la me kple nuɖuɖu na miawo ŋutɔ miaƒe aƒemetɔwo kple mia viwo.” Ameawo gblɔ be “Èɖe míaƒe agbe! Aƒetɔ, ne àlɔ̃ la, míanye awɔbamewo na Farao.” Eya ta Yosef wɔe wòzu se le Egiptenyigba blibo la dzi va se ɖe egbegbe be woadzɔ agblemenukuwo katã ƒe akpa atɔ̃lia na Farao. Nuku siwo woƒã ɖe nunɔlawo ƒe anyigba dzi la koe mele eme o. Yosef do ŋugbe na fofoa Ale Israel nɔ Gosenyigba dzi le Egipte. Nuwo de asi nyonyo me na Israelviwo kabakaba, eye wodzi sɔ gbɔ fũu. Yakob ganɔ agbe ƒe wuiadre esime wòva ɖo Gosen, ale exɔ ƒe alafa ɖeka blaene-vɔ-adre hafi ku. Esi Israel ƒe kuɣi gogo la, eyɔ via Yosef gblɔ nɛ be, “Ka atam nam be yeawɔ nye didi mamlɛtɔ dzi nam: Mègaɖim ɖe Egipte o. Ne meku la, tsɔm dzoe le Egipte, eye nàɖim ɖe tɔgbuinyewo xa.” Yosef ka atam sia. Israel ƒoe ɖe enu be, “Ka atam nam be yeawɔe.” Yosef ka atam la. Tete Israel gamlɔ eƒe aba dzi. Yakob yra Efraim kple Manase Le nya siawo megbe la, wova gblɔ na Yosef be fofoa ƒe lãmegbegblẽ la nu nɔ sesẽm ɖe edzi kokoko. Ale wòkplɔ Via ŋutsuvi eveawo, Manase kple Efraim, eye woyi ɖakpɔe ɖa. Eye wogblɔ na Yakob bena, “Kpɔ ɖa viwò Yosef va gbɔwò.” Tete Israel do ŋusẽ nu fɔ henɔ anyi ɖe abatia dzi be yeado gbe nɛ, eye wògblɔ na Yosef be, “Mawu Ŋusẽkatãtɔ ɖe eɖokui fiam le Luz, le Kanaanyigba dzi, eye wòyram. Egblɔ nam be, ‘Mawɔ wò nàzu dukɔ gã, eye matsɔ Kanaanyigba sia ana wò kple wò dzidzimeviwo, wòanye mia tɔ tegbetegbe.’ Azɔ le viwò eve siawo, Efraim kple Manase, ame siwo wodzi le Egiptenyigba dzi hafi meva la, mele woawo ya xɔm abe nye ŋutɔ vinyewo ene, eye woanyi nye dome abe Ruben kple Simeon ke ene. Ke viwò bubu ɖe sia ɖe ya la, anye wò ŋutɔ tɔ, eye woanyi Efraim kple Manase ƒe dome tso gbɔwò le wò ŋutɔ wò nuwo gome. Elabena dawò Rahel dzi vi eve ko, eye wòku esi metso Padan gbɔna Kanaan. Ke esi míegogo Efrat la, meɖii ɖe mɔ to le Efrat” (si nye Betlehem). Israel lé ŋku ɖe Yosef ƒe ŋutsuviawo ŋu, eye wòbia be, “Ŋutsuviawoe nye esiawoa?” Yosef ɖo eŋu be, “Ɛ̃, esiawoe nye ŋutsuvi siwo Mawu nam le afii le Egipte.” Israel gblɔ be, “Kplɔ wo te ɖe ŋunye ne mayra wo.” Israel ƒe tsitsi na eƒe ŋkuwo tsi afã kple afã, eye megatea ŋu kpɔa nu tututu o. Ale Yosef kplɔ viawo te ɖe eŋu kpokploe. Egbugbɔ nu na wo, eye wòkpla asi kɔ na wo. Israel gblɔ na Yosef be, “Nyemebu tsã be magakpɔ wò o, ke azɔ Mawu na mekpɔ viwòwo hã.” Tete Yosef ɖe wo ɖa le Israel ƒe atata, eye wòde ta agu, tsyɔ mo anyi. Eye Yosef tsɔ wo ame eveawo; Efraim yi ɖe ɖusime be wòanɔ Israel ƒe miame, eye Manase yi ɖe miame be wòanɔ Israel ƒe ɖusime, eye wòkplɔ wo te ɖe Israel ŋu. Ke Israel tso ga eƒe abɔwo esime wòdi be yeada yeƒe asiwo ɖe ɖeviawo ƒe tawo dzi. Ale eƒe ɖusi nɔ Efraim, ame si nye ɖevitɔ, eye wònɔ eƒe miame la ƒe ta dzi, eye eƒe miasi nɔ Manase, ame si nye tsitsitɔ, eye wònɔ eƒe ɖusime la ƒe ta dzi. Eyra Yosef kple nya siawo be, “Mawu, fofonye Abraham kple Isak ƒe Mawu, ame si kplɔm le nye agbenɔɣi katã me la nayra ŋutsuvi siawo nukutɔe. Mawudɔla si ɖem tso xaxa ɖe sia ɖe me la nayra ɖevi siawo, woade bubu nye ŋkɔ ŋu, eye woade bubu fofonye Abraham kple Isak ƒe ŋkɔwo ŋu. Mawu naɖi ne woazu dukɔ gã aɖe.” Ke Yosef tɔtɔ, eye mekpɔ ŋudzedze le ale si fofoa da eƒe nuɖusi ɖe Efraim ƒe ta dzi la ŋu o. Ale wòɖe fofoa ƒe nuɖusi ɖa be yeadae ɖe Manase boŋ tɔ dzi. Egblɔ be, “Ao, fofonye, ètsɔ wò nuɖusi da ɖe ame si ƒe ta dzi mele be nàdae ɖo o la! Ame si le afi sia lae nye tsitsitɔ. Da wò nuɖusi ɖe eya boŋ dzi!” Ke fofoa gbe hegblɔ nɛ be, “Vinye, menya nu si wɔm mele. Manase hã azu dukɔ gã aɖe, ke nɔvia suetɔ azu dukɔ gã wu.” Ale Yakob yra ɖeviawo gbe ma gbe ale: “Israelviwo nayra wo nɔewo agblɔ be, ‘Mawu nana nuwo nadze edzi na wò abe Efraim kple Manase ene!’ ” Ale wòtsɔ Efraim ɖo tsitsi na Manase. Israel gblɔ na Yosef be, “Mele kuku ge kpuie, ke Mawu anɔ kpli wò, eye wòagakplɔ wò ayi Kanaan, fofowòwo ƒe anyigba dzi. Metsɔ Sekemnyigba si metsɔ nye yi kple dati xɔ le Amoritɔwo si la na wò ɖe nɔviwòwo teƒe be wòanye wò gome.” Yakob gblɔ eƒe nya mamlɛtɔwo na viawo, eye wòyra wo Yakob yɔ via ŋutsuwo katã ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be, “Miƒo ƒu ɖe ŋunye, eye magblɔ nu siwo ava adzɔ ɖe mia dzi le ɣeyiɣi si gbɔna me la na mi. Miɖo tom, Yakob ƒe viwo, miɖo to Israel, mia fofo. “Ruben, wòe nye nye viŋutsu tsitsitɔ, nye ɖekakpuimevi. Wòe nye ta le tsitsi kple bubu nu. Ke mèdzea akɔ anyi o; èle abe ƒutsotsoe nyanyra ene; màgadze gbãtɔ azɔ o. Maɖiɖi wò, elabena ède asi srɔ̃nyewo dometɔ ɖeka ŋu, eye nèto esia me ɖi gbɔ̃m. “Simeon kple Levi ƒe nɔnɔme sɔ. Wonye ame siwo wɔa sesẽnu kple nu madzɔmadzɔ. O, nye luʋɔ, ɖe ɖa le ame siawo ŋu. Nyematɔ ɖe woƒe nu vɔ̃ɖiwo dzi gbeɖe o. Elabena wowu ame aɖe le woƒe dɔmedzoe me, eye wode abi nyiwo ŋu dzodzro abe fefenu ene. Woaƒo fi ade woƒe dɔmedzoe, elabena enu sesẽ, eye wòvɔ̃ɖi. Mama wo ɖe Yakob ƒe viwo dome, eye makaka woƒe dzidzimeviwo le Israel. “Yuda, nɔviwòwo akafu wò; àtsrɔ̃ wò futɔwo. Fofowòviwo ade ta agu na wò. Yuda nye dzatavi; si wu nu si wòlé la ɖuɖu nu. Etsyɔ akɔ anyi abe dzatatsu ene; eye abe dzatanɔ ene–ame kae ake atse anyɔe? Atamkayi maɖe ɖa le Yuda o va se ɖe esime ame si tututu tɔ wònye la nava, ame si amewo katã abu. Ede ka eƒe tedzivi ɖe wainti nyuitɔ ŋu, eye wònya eƒe awuwo le wain me. Eƒe ŋkuwo biã wu wain, eye eƒe aɖuwo fu wu notsi. “Zebulon anɔ ƒuta, eye wòanye tɔdziʋuwo dzeƒe. Eƒe anyigba akeke ade keke Sidon. “Isaka nye tedzi agbatsɔlã sesẽ aɖe si le dzudzɔm le lãkpowo dome. Esi wòkpɔ ale si teƒea nya kpɔna kple ale si anyigba la nyoe la, elɔ̃ dze dɔ la dzi, eye wòsubɔ eƒe aƒetɔ kple ŋusẽ. “Dan aɖu eƒe amewo dzi abe Israel ƒe to bubu ɖe sia ɖe ene. Anye da si ɖua afɔkpodzi na sɔ le mɔ dzi, eye sɔdola dzea anyi la. Yehowa, wò ɖeɖe la ko mele mɔ kpɔm na. “Adzoblasuwo ƒe ha adze Gad dzi, ke eya anya wo ɖe du nu. “Aser la, nuɖuɖu siwo nyo na fiawo la aʋã nɛ fũu. “Naftali nye zinɔ si ɖea abla, eye wògblɔa nya viviwo la. “Yosef nye kutsetseti aɖe si le tsi dzidzi to, eɖe alɔwo, eye wòɖo vɔvɔli ɖe gliwo dzi. Ame siwo da aŋutrɔe, eye woti eyome la wɔ nuvevii. Gake eƒe asi li ɖe eƒe dati ŋu goŋgoŋ eye eƒe asi le tsɔtsɔm elabena Yakob ƒe Mawu Ŋusẽkatãtɔ, alẽkplɔla la kple Israel ƒe Agakpe Mia fofowo ƒe Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la nakɔ dziƒoyayrawo kple anyigbadziyayrawo ɖe dziwò duu, wòana nàdzi asɔ gbɔ, wòana nuɖuɖu kple seƒoƒowo nawɔ na wò fũu, eye wòatsɔ yayra siwo ade kekeke togbɛ siwo anɔ anyi tegbee ƒe liƒowo dzi la na wò. Yayra siawoe ava Yosef, ame si woɖe aboyoe le nɔviawo dome la dzi. “Benyamin nye amegaxi si léa nu. Evuvua eƒe futɔwo le ŋdi, eye wòmaa nu si wòlé la le fiẽ.” Esiawoe nye yayra siwo wo fofo Israel kɔ ɖe via wuieveawo dzi. Yakob ƒe ku Eye wòɖo nu siawo na wo: “Esusɔ vie mayi tɔgbuinyewo gbɔ. Miɖim ɖe fofonyewo gbɔ ɖe kpeto la me le Efrɔn, Hititɔ la ƒe anyigba dzi, ɖe kpeto si le Makpela ƒe anyigba si te ɖe Mamre ŋu le Kanaanyigba dzi la. Abraham ƒle teƒe sia abe ameɖiƒe ene le Efrɔn, Hititɔ la gbɔ kpe ɖe anyigba la ŋu. Afi ma woɖi Abraham kple srɔ̃a Sara ɖo. Afi ma woɖi Isak kple srɔ̃a Rebeka ɖo, eye afi ma ke meɖi Lea hã ɖo. Enye kpeto si tɔgbuinye Abraham ƒle le Het ƒe viŋutsuwo si.” Esi Yakob wu eƒe nyagblɔɖiawo na viawo nu la, emlɔ anyi azɔ ɖe eƒe abati dzi, eye wòku. Woɖi Yakob ɖe Kanaan Yosef tsɔ eɖokui ƒu fofoa ƒe kukua dzi, fa avi ɖe edzi, eye wògbugbɔ nu nɛ. Emegbe la, eɖe gbe na eƒe atikewɔlawo be woasi atike na ye fofo Israel. Ale atikewɔlawo si atike nɛ. Atikesisi la xɔ ŋkeke blaene, eye Egipte dukɔ blibo la ƒe konyifafa xɔ ŋkeke blaadre. Esi konyifaɣi la va yi la, Yosef te ɖe Farao ŋumewo ŋu, eye wòɖe kuku na wo be woaƒo nu na Farao na ye. Egblɔ na wo be, “Migblɔ na fia la be Yosef fofo na Yosef ka atam be yeatsɔ ye fofo ƒe kukua ayi Kanaanyigba dzi, eye yeaɖii ɖe afi ma. Mibia mɔfiala nam be wòaɖe mɔ mayi aɖaɖi fofonye. Mika ɖe edzi nɛ nam be matrɔ agbɔ enumake.” Farao lɔ̃ hegblɔ be, “Yi nàɖi fofowò abe ale si nèka atam ene.” Ale Yosef yi kple Farao ƒe aɖaŋudelawo kple kpeɖeŋutɔwo kple Yosef nɔviŋutsuwo kple woƒe ƒometɔwo. Ke wogblẽ wo vi suewo kple woƒe lãwo ɖe Gosenyigba dzi. Ale tasiaɖamwo kple sɔdola geɖewo kpakple ameha gã aɖe kplɔ Yosef yii. Esi woɖo Atad, teƒe si le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo, eye wòte ɖe Yeriko ŋu la, wode kusɔleme, eye wofa konyi ŋkeke adre sɔŋ le Yakob ƒe ku ta. Kanaantɔwo na ŋkɔ bubuteƒe si le afi si te ɖe Yɔdan ŋu la be, Abel Mizraim si gɔmee nye “Konyifalawo tso Egipte,” elabena wogblɔ be, “Teƒe sia Egiptetɔwo fa konyi le vevie.” Ale Yakob ƒe viwo wɔ nu siwo wòɖo na wo la. Wotsɔe yi Kanaanyigba dzi, eye woɖii ɖe kpeto si le Makpela ƒe anyigba dzi si te ɖe Mamre ŋu, abɔ si Abraham ƒle le Efrɔn, Hititɔ la si be wòanye ameɖiƒe la me. Yosef trɔ va Egipte kple nɔviawo kpakple ame siwo katã yi wo fofo ƒe kuteƒe la. Ke esi wo fofo ku azɔ la, Yosef nɔviwo de asi vɔvɔ̃ me. Wogblɔ be, “Azɔ la, Yosef aɖo nu vɔ̃ si míewɔ ɖe eŋu la teƒe na mí.” Ale woɖo ame ɖe Yosef be, “Fofowò gblẽ ɖoɖo siawo ɖi hafi ku. ‘Nya si miagblɔ na Yosef lae nye: Mebia tso asiwò be nàtsɔ nɔviwòwo ƒe nu vɔ̃ kple vodada siwo wowɔ ɖe ŋuwò la ake wo.’ Azɔ míeɖe kuku, tsɔ nu vɔ̃ ke fofowò ƒe Mawu la ƒe dɔlawo.” Esi nya siawo va ɖo Yosef gbɔ la, efa avi. Tete nɔviawo va dze klo, de ta agu nɛ, eye wogblɔ nɛ be, “Míenye wò kluviwo.” Ke Yosef gblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o, Mawue menye be madrɔ̃ ʋɔnu mi, ahe to na mia? Le nye ɖeka gome la, Mawu trɔ nu si mieɖo be wòanye nu vɔ̃ la wòzu nu nyui, elabena etsɔm ɖo teƒe kɔkɔ si mele egbe la be mate ŋu aɖe ame geɖewo ƒe agbe. Migavɔ̃ o, nye ŋutɔ makpɔ miawo kple miaƒe ƒometɔwo dzi.” Eƒo nu na wo kple gbe bɔbɔe, eye wòde dzi ƒo na wo. Yosef ƒe ku Ale Yosef kple nɔviawo kpakple woƒe ƒometɔwo ganɔ Egipte. Yosef xɔ ƒe alafa ɖeka kple ewo hafi ku. Enɔ agbe, kpɔ via Efraim ƒe viwo kple Makir, Manase ƒe vi ƒe viwo, ame siwo fena le Yosef ƒe afɔ nu. Yosef gblɔ na nɔviawo be, “Esusɔ vie maku, ke Mawu ava aɖe mi tso Egiptenyigba sia dzi, eye wòakplɔ mi, miatrɔ ayi anyigba si ŋugbe wòdo na Abraham, Isak kple Yakob ƒe dzidzimeviwo la dzi.” Emegbe Yosef na Israel ƒe viwo ka atam nɛ be, “Mawu akpe ɖe mia ŋu be miatsɔ nye kukua tso afi sia ayi Kanaan.” Ale Yosef ku esi wòxɔ ƒe alafa ɖeka kple ewo. Wosi atike na eƒe kukua, eye wodee aɖaka me le Egipte.