- Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020 Mose 2 Mose ƒe agbalẽ evelia Mose 2 Mo2 Mose ƒe agbalẽ evelia Egiptetɔwo te Israelviwo ɖe to Israel ƒe viŋutsu siwo kplɔ Yakob ɖo yi Egipte kple woƒe ƒometɔwoe nye: Ruben, Simeon, Levi, Yuda, Isaka, Zebulon, Benyamin, Dan, Naftali, Gad kple Aser. Ame siwo katã kplɔ Yakob ɖo yi Egipte la anɔ ame blaadre. Yosef ya nɔ afi ma xoxo. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yosef kple nɔviawo katã ku, eye dzidzime ma nu tso. Azɔ la, Israelviwo ƒe dzidzimeviwo dzina kabakaba. Wodzi sɔ gbɔ ale gbegbe be le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, wozu dukɔ gã aɖe, eye woyɔ anyigba la dzi fũu. Eva eme be fia yeye aɖe va ɖu Egipte dzi, ame si menya Yosef o. Fia sia gblɔ na eƒe amewo be, “Kpɔ ɖa, Israelvi siawo sɔ gbɔ wu mí akpa. Mina míato ayemɔ aɖe dzi atsi nu sia nu. Ne míetsi nu sia nu o, eye aʋa dzɔ la, woade míaƒe futɔwo dzi, awɔ aʋa kpli mí asi adzo le anyigba la dzi.” Ale Egiptetɔwo wɔ Israelviwo woƒe kluviwoe. Wotsɔ dɔdzikpɔla ŋutasẽlawo ɖo wo nu be woana woawɔ dɔ sesẽ, woatu nudzraɖoƒe gãwo ɖe Pitom kple Rameses na Farao. Togbɔ be Egiptetɔwo nɔ fu wɔm Israelviwo, eye wonɔ wo tem ɖe to wu tsã gɔ̃ hã la, Israelviwo ganɔ dzidzim ɖe edzi kokoko! Nu sia gado ŋɔdzi na Egiptetɔwo wu eye wogazi wo dzi wu tsã. Wona agbenɔnɔ ti wo to dɔ sesẽ wɔwɔ le anyikpewo meme kple agbledɔwo wɔwɔ me. Egiptetɔwo na wowɔ dɔ sesẽ siawo katã nublanuimakpɔmakpɔtɔe. Egipte fia gblɔ na Hebri nyɔnu siwo nye vixelawo, ame siwo ŋkɔwoe nye Sipra kple Pua be, “Ne miekpe ɖe Hebri nyɔnu aɖe ŋu wòdzi vi, eye miekpɔ le vidziƒea be ŋutsuvi wòdzi la, miwu ɖevi la enumake, gake ne nyɔnuvi wòdzi la, mina ɖevia natsi agbe.” Ke vixela siawo vɔ̃a Mawu, eye womewɔ ɖe Egipte fia la ƒe se la dzi o, wona ŋutsuviawo hã tsi agbe. Fia la yɔ vixelawo, eye wòbia wo be, “Nu ka ta miegbe nye se la dzi wɔwɔ, eye miena ŋutsuviawo hã le agbe tsim ɖo?” Woɖo eŋu na Farao be, “Aƒetɔ, Hebri nyɔnuwo ƒe vidzidzi tsɔna ale gbegbe be, míeɖoa wo gbɔ hafi wodzia vi le wo ɖokuiwo si o. Woawo ƒe vidzidzi mexɔa ɣeyiɣi abe míaƒe Egipte nyɔnuwo tɔ ene o!” Le esia ta Mawu yra vixelawo. Ale Israelviwo dzi ɖe edzi, eye wokpɔ ŋusẽ ŋutɔ. Esi vixelawo vɔ̃a Mawu ta la, Mawu na viwo woawo hã. Fia Farao va de se na eƒe amewo katã be, “Miatsɔ ŋutsuvi ɖe sia ɖe si woadzi la aƒu gbe ɖe Nil tɔsisi la me, ke miana nyɔnuviwo ya natsi agbe.” Mose dzidzi Ŋutsu aɖe si nye Levitɔ la ɖe nyɔnu aɖe si hã nye Levitɔ. Nyɔnu la fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi. Esi nyɔnu la kpɔ be ye viŋutsu la dze ɖeka ŋutɔ la, eɣlae ɖe aƒe me ɣleti etɔ̃. Ke esi wòkpɔ be yemagate ŋu aɣlae wòadidi wu nenema o la, etsɔ aƒla lɔ̃ kusi, eye wòsi aŋɔ ɖe eme ale be tsi mate ŋu age ɖe eme o. Ekɔ ɖevi la mlɔ kusi la me, eye wòtsɔe ɣla ɖe aƒla siwo le Nil tɔsisi la to la me. Ena vidzĩ la nɔvinyɔnu nɔ adzɔge vie ale be wòakpɔ nu si ava dzɔ ɖe ɖevi la dzi. Nu si va dzɔe nye be Fia Farao ƒe vinyɔnu, va tsi le ge le Nil tɔsisi la me. Esi eya kple eƒe dɔlanyɔnuwo nɔ zɔzɔm le tɔsisi la to la, ekpɔ kusi la le aƒlawo me. Edɔ eƒe dɔlanyɔnuawo dometɔ ɖeka ɖa be wòakɔe vɛ. Eʋu kusi la, eye wòkpɔ vidzĩ la le eme! Ɖevi la nɔ avi fam, nu sia wɔ dɔ ɖe fiavinyɔnu la dzi, eye wògblɔ be, “Ɖevi sia nye Hebri ŋutsuviawo dometɔ ɖeka.” Vidzĩ la nɔvinyɔnu te ɖe fiavinyɔnu la ŋu, eye wòbiae be, “Mayi ɖayɔ Hebri nyɔnuawo dometɔ ɖeka wòanyi ɖevi sia na wòa?” Fiavinyɔnu la ɖo eŋu be, “Ɛ̃, yi!” Ale nyɔnuvi la ƒu du yi aƒe me, eye wòyɔ vidzĩa dadaa vɛ! Fiavinyɔnu la gblɔ na vidzĩa dadaa be, “Kɔ vidzĩ sia yi aƒe me, na noe nam, eye maxe fe si adze ŋuwò la na wò!” Ale vidzĩ la dada kɔe yi aƒe me, eye wòkpɔ edzi nyuie. Esi ɖevi la tsi la, dadaa kɔe yi na Farao ƒe vinyɔnu la, eye wòzu Via ŋutsuvi. Ena ŋkɔe be Mose, si gɔmee nye “Tɔ mee woɖee tsoe,” elabena egblɔ be tsi mee yeɖee tsoe. Mose si yi Midian Esi Mose tsi, eye wòzu ɖekakpui la, eɖi tsa gbe ɖeka be yeakpɔ ye nɔvi Hebritɔwo ɖa. Ekpɔ fuwɔame kple teteɖeanyi si te wonɔ. Ekpɔ Egiptetɔ aɖe wòƒo nɔvia Hebritɔ aɖe ƒu anyi. Mose tsa ŋku mlamlamla be yeaka ɖe edzi be ame aɖeke menɔ ye kpɔm o. Ewu Egiptetɔ la, eye wòɖii ɖe ke me. Ke esi ŋu ke la, Mose gaɖi tsa be yeaɖakpɔ ye nɔvi Hebritɔwo ɖa. Ekpɔ Hebritɔ eve wonɔ kɔ dam, eye wòbia ame si di ge la be, “Nu kae nye esi wɔm nèle, hele wò ŋutɔ nɔviwò Hebritɔ ƒom ale?” Ŋutsu sia biae be, “Ame kae ɖo wò fia kple ʋɔnudrɔ̃la ɖe mía nu? Ɖe nèle didim be yeawu nye hã abe ale si nèwu Egiptetɔ ma etsɔ enea?” Vɔvɔ̃ ɖo Mose, elabena ebu xaa be, “Ɖewohĩ nu si mewɔ la le nyanya me na amewo.” Farao se nya la, eye wòɖe gbe be woalée, awui. Ke Mose si le Farao nu yi ɖe Midianyigba dzi, eye wònɔ anyi ɖe vudo aɖe to. Ɖetugbi adre, ame siwo nye Midian nunɔla ƒe vinyɔnuwo la va be yewoaku tsi ana yewo fofo ƒe alẽha. Ke alẽkplɔla aɖewo va nya wo. Ale Mose tsi tsitre va xɔ na wo, eye wòna tsi woƒe alẽhawo. Esi ɖetugbiawo trɔ yi aƒe me la, wo fofo, Reuel bia wo be, “Nu kae na miekpɔ tsi na alẽwo egbe ya kaba nenema?” Woɖo eŋu nɛ be, “Egiptetɔ aɖee xɔ mí le alẽkplɔla mawo ƒe asi me, eye wòku tsi na míaƒe alẽhawo.” Wo fofo gblɔ na wo be, “Nu ka ta miegblẽe ɖe afi ma ɖo? Miyi miakplɔe vɛ wòaɖu nu kpli mí.” Mose xɔ Reuel ƒe kpekpe la, eye wòlɔ̃ be yeanɔ egbɔ. Reuel tsɔ via si woyɔna be Zipora la nɛ wòɖe. Wodzi ŋutsuvi ɖeka si wona ŋkɔe be Gersom si gɔmee nye “Amedzro,” elabena Mose gblɔ be, “Amedzroe menye le dzronyigba dzi.” Le ƒe aɖewo megbe la, Egipte fia la ku. Israelviwo nɔ konyi fam henɔ hũu ɖem le woƒe kɔkutiwo te le woƒe kluvinyenye ta, eye wonɔ avi fam vevie le Mawu ŋkume. Woƒe avifafa ɖo Mawu gbɔ le dziƒo. Mawu se woƒe konyifafa, eye wòɖo ŋku eƒe ŋugbedodo na Abraham, Isak kple Yakob dzi. Ale Mawu kpɔ Israelviwo ƒe nublanui, eye wòtsɔ ɖe le eme na wo. Mose kple ŋuve bibi la Gbe ɖeka la, Mose nɔ toa Reuel, ame si wogayɔna be Yetro, ame si nye Midian nunɔla la ƒe alẽwo dzi kpɔm le gbedzi si te ɖe Horeb, Mawu ƒe to la ŋu. Tete Yehowa ƒe dɔla aɖe ɖe eɖokui fiae le ŋuve aɖe si nɔ bibim, gake menɔ fiafiam o la me. Esi Mose kpɔ be ŋuve la nɔ bibim, gake menɔ fiafiam o la, Mose ɖo ta me be, “Mayi makpɔ nu wɔnuku sia, nu si ta ŋuve la menɔ fiafiam o la ɖa.” Esi Yehowa kpɔ be Mose yi be yeakpɔe ɖa la, Mawu yɔe tso ŋuve bibi la me be, “Mose, Mose!” Eye Mose tɔ be, “Nye nye esi.” Mawu gblɔ nɛ be, “Mègate va afi sia o. Ɖe wò afɔkpawo da ɖi, elabena anyigba kɔkɔe dzie nèle tsitre ɖo. Nyee nye fofowòwo ƒe Mawu, Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu.” Mose tsyɔ mo anyi, elabena enɔ vɔvɔ̃m na Mawu kpɔkpɔ. Mawu dɔ Mose Yehowa gblɔ nɛ be, “Mekpɔ nye amewo ƒe fukpekpe le Egipte, mese woƒe avifafa le woƒe dɔnunɔlawo ƒe ŋutasesẽ ta. Metsɔ ɖe le woƒe fukpekpe la me, eya ta meɖi va be maɖe wo tso Egiptetɔwo ƒe asi me, eye makplɔ wo adzoe le Egiptenyigba dzi, woayi anyigba nyui, gã aɖe dzi, afi si notsi kple anyitsi bɔ ɖo la. Anyigba sia dzie Kanaantɔwo, Hititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo le fifia. Ɛ̃, Israelviwo ƒe konyifaɣliwo ɖi va ɖo gbɔnye le dziƒo. Mekpɔ dɔ sesẽ siwo Egiptetɔwo ɖona na wo hetsɔ tea wo ɖe toe. Fifia mele dɔ wò ge ɖe Farao gbɔ be nàna be wòaɖe asi le nye dukɔ Israelviwo ŋu, eye nàkplɔ wo ado goe le Egipte.” Mose gblɔ na Mawu be, “Ame ka menye aɖatsi tsitre ɖe Farao ŋkume, agblɔ nɛ be meva Israelviwo ɖe ge tso Egipte?” Mawu gblɔ nɛ be, “Manɔ anyi kpli wò, eye esia anye dzesi si afia be nyee nye ame si le dɔwòm. Ne èkplɔ Israelviwo do goe le Egiptenyigba dzi la, miasubɔ Mawu le to sia dzi.” Ke Mose biae be, “Ne meyi Israelviwo gbɔ, eye megblɔ na wo be, ‘Mia fofowo ƒe Mawue ɖom ɖa’ la, woabia be, ‘Mawu sia ŋkɔ ɖe?’ Ekema nya ka magblɔ na wo?” Mawu ɖo eŋu na Mose be, “Menye ame si Menye. Gblɔ na Israelviwo ko be, ‘Menyee dɔm ɖa.’ ” Mawu gblɔ kpe ɖe eŋu na Mose be, “Gblɔ na Israelviwo be, ‘Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, Abraham kple Isak kple Yakob ƒe Mawue dɔm ɖe mia gbɔ.’ “Esiae nye nye ŋkɔ tegbee, ŋkɔ si woayɔ nam tso dzidzime yi dzidzime si ŋu dɔ woawɔ. “Mawu yi edzi be, ‘Yɔ Israel ƒe ametsitsiwo katã ƒo ƒu, eye nàƒo nu na wo tso ale si Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, Abraham, Isak kple Yakob ƒe Mawu la ɖe eɖokui fia wò le afi sia gblɔ be, Mekpɔ mi ɖa. Mekpɔ nu si le dzɔdzɔm ɖe mia dzi le Egipte. Mele ŋugbe dom be maɖe mi tso miaƒe fukpekpewo me le Egipte, eye makplɔ mi ayi anyigba si dzi Kanaantɔwo, Hititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo le fifia la dzi, anyigba si dzi anyitsi kple notsi bɔ ɖo.’ “Israelviwo ƒe dumegãwo axɔ wò nya la, ekema woakplɔ wò ayi Egipte fia Farao gbɔ, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu, va do go mí, eye wòbia tso mía si be míazɔ mɔ ŋkeke etɔ̃ ayi gbedzi aɖasa vɔ na Yehowa, míaƒe Mawu la le afi ma.’ Ke menya be Egipte fia mana mɔ mi be miayi o, negbe ɖeko asi sesẽ aɖe zi edzi hafi. Eya ta mado nye asi ɖa ɖe Egipte ŋu, atsrɔ̃ wo kple nye nukunu siwo mawɔ le wo dome, ekema ana miayi. “Makpɔ egbɔ be Egiptetɔwo tsɔ nunanawo na mi gleglegle le miaƒe dzodzoɣi ale be miadzo kple asi gbɔlo o! Nyɔnu ɖe sia ɖe axɔ klosalo, sikanuwo kple avɔ nyuiwo le eƒe amegã, Egiptetɔ, srɔ̃a kple eŋumewo si. Miado Egiptetɔwo ƒe nu nyuitɔwo kekeake na mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo! Ale miaha Egiptetɔwo.” Dzesiwo na Mose Ke Mose gblɔ be, “Womaxɔ dzinye ase o! Womawɔ nu si magblɔ na wo be woawɔ o. Woagblɔ be, ‘Yehowa meɖe eɖokui fia wò o!’ ” Yehowa biae be, “Nu kae nye ema le asiwò?” Mose ɖo eŋu be, “Alẽkplɔla ƒe atikplɔe.” Yehowa gblɔ nɛ be, “Ɖe asi le eŋu da ɖe anyigba.” Mose ɖe asi le eŋu da ɖe anyigba, eye wòtrɔ zu da; tete Mose si le egbɔ. Yehowa gblɔ nɛ be, “Lé eƒe asike!” Mose lé da la ƒe asike, eye wògazu atikplɔ ɖe esi! Yehowa gblɔ nɛ be, “Wɔ esia ekema woaxɔ dziwò ase, ekema woadze sii be Yehowa, wo fofowo, Abraham, Isak kple Yakob ƒe Mawue ɖe eɖokui fia wò nyateƒe.” Azɔ Yehowa gblɔ be, “Tsɔ wò asi de wò axatome.” Eye Mose tsɔ eƒe asi de axatome. Esi wòɖe asi ɖa la, eƒe asi dze kpodɔ hefu kpĩi. Yehowa gagblɔ nɛ be, “Gatsɔ wò asi de wò axatome.” Esi wògawɔ esia, eye wògaɖe asi ɖa la, dɔvɔ̃ɖi la bu le eŋu; eƒe asi ganɔ abe tsã ene! Yehowa gblɔ be, “Ne womexɔ nukunu gbãtɔ dzi se o la, woaxɔ evelia dzi ase. Ne womeɖo to wò le dzesi eve siawo megbe o la, ekema ku tsi tso Nil tɔsisi la me kɔ ɖe anyigba ƒuƒui dzi, eye wòatrɔ azu ʋu.” Ke Mose ɖe kuku na Yehowa be, “O, nye Aƒetɔ, nyemeƒoa nu nyuie o. Nyemeƒo nu nyuie kpɔ o; nyemenye nuƒola nyui aɖeke fifia hã o, togbɔ be èƒo nu nam gɔ̃ hã, elabena nye aɖe metrɔna ɖe nya ŋu tututu o.” Yehowa biae be, “Ame kae wɔ nuwo na amewo? Menye nye, Yehowae oa? Ame kae wɔ aɖetututɔ alo tokunɔ, alo nukpɔla, alo ŋkuagbãtɔ? Alo menye nye Yehowae oa? Azɔ la, yii, elabena makpe ɖe ŋuwò be nàƒo nu nyuie, eye magblɔ nu si nàgblɔ la na wò.” Ke Mose gagblɔ be, “Aƒetɔ, meɖe kuku, ɖo ame bubu aɖe ɖa.” Tete Yehowa do dɔmedzoe ɖe Mose ŋu, eye wògblɔ nɛ be, “Enyo, nɔviwò Aron, Levitɔ la, ƒoa nu nyuie, egbɔna ava di wò le afi sia. Akpɔ dzidzɔ ŋutɔ ne ekpɔ wò, eya ta magblɔ nu si nàgblɔ nɛ la na wò. Makpe ɖe mi ame evea ŋu be miaƒo nu nyuie, eye magblɔ nu si miagblɔ la na mi. Eyae anɔ tewòƒe, eye wòaƒo nu na ameawo. Wò la, ànɔ nɛ abe Mawu ene, gake tsɔ wò atikplɔ la ɖe asi ale be nàte ŋu awɔ nukunu siwo mefia wò la kplii.” Mose trɔ yi Egipte Mose trɔ yi aƒe me; edzro nya la me kple toa, Yetro, hegblɔ nɛ be, “Meɖe kuku, ɖe mɔ nam matrɔ ayi nye ƒometɔwo gbɔ le Egipte ne makpɔe ɖa be wogale agbe mahã?” Yetro ɖo eŋu be, “Yi faa, nye yayrawo le yowòme.” Hafi Mose nadzo le Midian la, Yehowa gblɔ nɛ be, “Trɔ nàyi Egipte, elabena ame siwo katã di be yewoawu wò la, ku xoxo.” Ale Mose kplɔ srɔ̃a kple via ŋutsuviwo da ɖe tedzi dzi, eye wòdze mɔ yina ɖe Egipte. Elé “Mawu ƒe atikplɔ” la ɖe asi goŋgoŋgoŋ! Yehowa gblɔ nɛ be, “Ne èɖo Egipte la, ele na wò be nàdo ɖe Farao ŋkume, eye nàwɔ nukunu siwo mena ŋusẽ wò be nàwɔ. Ke mana wòasẽ dzi me: maɖe asi le ameawo ŋu be woadzo o. Ekema, ele na wò be nàgblɔ na Farao be, ‘Yehowa be, Israel dukɔ lae nye nye ŋutsu ŋgɔgbevi. Meɖoe na wò be nàna wòadzo aɖasubɔm, ke ègbe toɖoɖo. Kpɔ ɖa, mawu wò ŋgɔgbevi.’ ” Esi Mose kple srɔ̃a kpakple wo viwo nɔ mɔa zɔm la, wotsi teƒe aɖe dɔ. Yehowa ɖe eɖokui fia Mose, eye wòdo ŋɔdzi nɛ be yeawui. Ke Zipora tsɔ kpe ɖaɖɛ aɖe lã via ƒe aʋanuyi, eye wòtsɔe ka Mose ƒe afɔwo ŋu hegblɔ be, “Nyateƒee, ènye ʋuŋugbetɔsrɔ̃ nam.” Ale Yehowa ɖe asi le eŋu. (Ɣe ma ɣie Zipora gblɔ be, “Ʋuŋugbetɔsrɔ̃,” eye nu si gblɔm wòle lae nye aʋatsotso.) Azɔ la, Yehowa gblɔ na Aron be, “Yi gbedzi ne nàkpe Mose.” Ale Aron zɔ mɔ yi Mawu ƒe to, Horeb gbɔ ɖado go Mose le afi ma, eye wògbugbɔ nu nɛ. Mose gblɔ nu siwo Yehowa ɖo na wo be woawɔ kple nya siwo woagblɔ la na Aron. Eƒo nu tso nukunu siwo woawɔ le Farao ŋkume la hã ŋu nɛ. Ale Mose kple Aron wotrɔ va Egipte. Wowɔ takpekpe kple Israel ƒe dumegãwo. Aron gblɔ nu siwo Yehowa gblɔ na Mose la na wo, eye Mose wɔ nukunuawo wokpɔ. Dumegãwo xɔe se be Yehowae ɖo wo ɖa nyateƒe. Esi wose be Yehowa va kpɔ wo ɖa, kpɔ woƒe nublanuitɔnyenye, eye wòɖo ta me be yeaɖe wo la, wode ta agu, eye wosubɔe. Mose kple Aron wodo ɖe Farao ŋkume Le takpekpe wɔwɔ kple Israel ƒe dumegãwo vɔ megbe la, Mose kple Aron woyi Farao gbɔ. Wogblɔ nɛ be, “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Ɖe asi le nye amewo ŋu woayi gbedzi aɖaɖu ŋkekenyui nam.’ ” Farao bia be, “Ame kae nye Yehowa be maɖo toe, eye maɖe asi le Israel ŋu? Nyemenya Yehowa o, eye nyemaɖe asi le Israel ŋu o.” Mose kple Aron woƒoe ɖe Farao nu be, “Hebritɔwo ƒe Mawu la do go mí, ele be míayi aɖanɔ gbedzi ŋkeke etɔ̃, eye míasa vɔ na Yehowa, míaƒe Mawu la le afi ma. Ne míeɖo to eƒe gbe o la, dɔvɔ̃ awu mí alo míatsi futɔwo ƒe yi nu.” Ke Egipte fia gblɔ be, “Mose kple Aron, nu ka ta miele ameawo ɖem ɖa tso woƒe dɔ gbɔ? Mitrɔ yi miaƒe dɔ gbɔ!” Farao gagblɔ be, “Kpɔ ɖa, amewo sɔ gbɔ le anyigba la dzi, eye miele wo ɖem ɖa le woƒe dɔwo gbɔ.” Gbe ma gbe la, Farao ɖe gbe na dɔdzikpɔla kple dɔnunɔla siwo le ameawo nu be, “Migana gbe ƒuƒu Israelviwo azɔ na anyikpeawo meme o; mina woayi aɖadi woawo ŋutɔ ƒe gbe ƒuƒu. Ke mina woagame anyikpe xexlẽme si womena tsã la; migaɖe edzi na wo o. Kuviatɔwo wonye, eya ta wole ɣli dom be, ‘Mina míayi aɖasa vɔ na míaƒe Mawu’ Mina woƒe dɔ nagasẽ na wo wu tsã ale be woagayi dɔwɔwɔ dzi. Migaɖo to woƒe alakpanyawo o.” Ale dɔdzikpɔlawo kple dɔnunɔlawo yi ɖagblɔ na ameawo be, “Nya si Farao gblɔe nye, ‘Nyemagana gbe ƒuƒu mi azɔ o. Miyi ne miawo ŋutɔ miadi gbe ƒuƒu le afi sia afi si miakpɔe le, ke womaɖe miaƒe dɔ dzi kpɔtɔ le go aɖeke me o.’ ” Ale Israelviwo kaka ɖe Egiptenyigba la katã dzi henɔ gbe ƒuƒu dim. Dɔdzikpɔlawo sẽa ŋuta le wo ŋu, woɖea gbe na wo be, “Mime anyikpewo woasɔ gbɔ gbe sia gbe abe tsã ene.” Woƒoa Israelviwo ƒe dɔnunɔla siwo Farao ɖo wo nu, eye wobluna ɖe wo ta be, “Nu ka ta mieme anyikpe xexlẽme si wòle be miame etsɔ alo egbe abe tsã ene o?” Ale Israelviwo ƒe dɔnunɔlawo yi Farao gbɔ heƒo koko nɛ be, “Nu ka ŋuti nèle wò dɔlawo wɔm alea? Womeganaa gbe ƒuƒu wò dɔlawo o, ke wobia tso mía si be, ‘Mime anyikpewo!’ Woƒoa wò dɔlawo le esime vodada la tso wò ŋutɔ wò amewo gbɔ, wònye miaƒe dɔdzikpɔlawoe le dɔ manyatanu ɖom na mí.” Farao ɖo eŋu be, “Kuviatɔwo mienye, eya ta miele gbɔgblɔm be, ‘Mina míayi aɖasa vɔ na Yehowa.’ Mitrɔ yi miaƒe dɔwo gbɔ, womana gbe ƒuƒu aɖeke mi o, gake ele be miame anyikpe xexlẽme si miemena gbe sia gbe tsã la kokoko!” Israelviwo ƒe dɔnunɔlawo kpɔe be nu sesẽwo ɖi kpe yewo nyateƒe be womaɖe yewoƒe gbe sia gbe kpememe la dzi na yewo o. Mose kple Aron wonɔ wo lalam le fiasã la godo esi me wodzo le Farao gbɔ. Esi wodo go wo la, wogblɔ na Mose kple Aron be, “Yehowa nadrɔ̃ ʋɔnu mi be miena míeɖi nu ʋeʋĩwo le Farao kple eŋumewo ŋkume, eye be miena mɔnukpɔkpɔ wo be woawu mí.” Mawu do ɖeɖe ƒe ŋugbe Tete Mose gatrɔ yi Yehowa gbɔ hegblɔ nɛ be, “O, Yehowa, nu ka ta nèhe fukpekpe sia va ame siawo dzii? Esia tae nèdɔm ɖoa? Tso esime megblɔ wò gbedeasi la na Farao ko la, ɖeko wògale ŋuta sẽm le ameawo ŋu wu tsã; mèɖe wo tso woƒe fukpekpewo me kura o!” Yehowa gblɔ na Mose be, “Azɔ la, àkpɔ nu si mawɔ Farao. Le nye alɔ sesẽ la ta, anya wo ado goe, eye le nye asi sesẽ la ta, ado mɔ wo.” Mawu gagblɔ na Mose be, “Nyee nye Yehowa. Meɖe ɖokuinye fia Abraham, Isak kple Yakob abe Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ene, ke nye ŋkɔ, Yehowa la, nyemeyɔe na wo o. Mewɔ nubabla tɔxɛ aɖe kpli wo. Le nubabla sia ƒe ɖoɖowo nu la, medo ŋugbe be matsɔ Kanaanyigba, afi si wonɔ abe amedzrowo ene la na wo. “Gawu la, mese Israelviwo ƒe konyifafa esi wonye kluviwo fifia le Egipte. Meɖo ŋku nye nubabla la dzi. “Eya ta gblɔ na Israel ƒe dzidzimeviwo be, ‘Nyee nye Yehowa, maɖe mi le Egiptetɔwo ƒe kɔkuti te, mana ablɔɖe mi tso kluvinyenye na wo me, eye maɖe mi kple alɔ sesẽ kple nukunu triakɔwo. Maxɔ mi abe nye amewo ene, manye miaƒe Mawu, mianyae be nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, ame si ɖe mi tso Egiptetɔwo ƒe asi me, eye makplɔ mi ayi anyigba si mekɔ asi dzi ka atam be matsɔ na Abraham, Isak kple Yakob la dzi. Matsɔe na mi wòazu mia tɔ. Nyee nye Yehowa.’ ” Mose gblɔ nya siawo na Israelviwo, ke womeɖo toe o, le woƒe dziɖeleameƒo kple ŋutasesẽ kple kluvimenɔnɔ ta. Yehowa gaƒo nu na Mose, gblɔ nɛ bena, “Gayi Farao, Egipte fia gbɔ eye nàgblɔ nɛ be, ele be wòaɖe asi le Israelviwo ŋu woadzo le eƒe anyigba dzi.” Ke Mose ɖe ɖeklemi Yehowa hegblɔ be, “Kpɔ ɖa, ne Israelviwo maɖo tom o la, aleke Farao ya aɖo tom, elabena nyemenye nuƒola nyui hã o.” Mose kple Aron ƒe dzidzimegbalẽwo Tete Yehowa ɖe gbe na Mose kple Aron tso Israelviwo kple Farao, Egipte fia ŋu gblɔ na wo be woakplɔ Israelviwo ado goe tso Egipte. Ame siwo nye ƒometatɔ na Israel ƒe to vovovoawoe nye: Ruben, Israel ƒe viŋutsu tsitsitɔ ƒe viwo: Hanok, Palu, Hezron, Karmi. Esiawoe nye Reuben ƒe towo. Simeon ƒe viwoe nye: Yemuel, Yamin, Ohad, Yakin, Zohar, Saul, ame si dada nye Kanaan nyɔnu. Esiawoe nye Simeon ƒe towo. Ame siwo nye ƒometatɔ na Levi ƒe ƒome la ƒe ŋkɔwoe nye esiawo le woƒe tsitsi nu. Gerson, Kohat kple Merari. Levi nɔ agbe ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃-vɔ-adre (137). Gerson ƒe viwoe nye: Libni, Simei kple woƒe hlɔ̃wo. Kohat ƒe viwo: Amram, Izhar, Hebron kple Uziel. Kohat nɔ agbe ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃ (133). Merari ƒe viwo: Mahli kple Musi. Ame siwo ŋkɔ woyɔ va yi la tso Levi ƒe ƒome me, eye woɖo wo ɖe tsitsi nu. Amram ɖe Yoxebed, fofoa nɔvinyɔnu; wo viwoe nye Mose kple Aron. Amram nɔ agbe ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃-vɔ-adre (137). Izhar ƒe viwo: Korah, Nefeg kple Zikri. Uziel ƒe viwo: Misael, Elzafan kple Sitri. Aron ɖe Eliseba, Aminadab ƒe vinyɔnu kple Nahson nɔvinyɔnu. Wo viwoe nye, Nadab, Abihu, Eleaza kple Itamar. Korah ƒe viwoe nye: Asir, Elkana kple Abiasaf. Ame siawoe wɔ ƒome siwo tso Korah ƒe hlɔ̃ me. Aron ƒe viŋutsu, Eleaza, ɖe Pituel ƒe vinyɔnuwo dometɔ ɖeka, eye Finehas nye viawo dometɔ ɖeka. Esiawoe nye Levitɔwo ƒe ƒomewo ƒe tatɔwo ƒe ŋkɔwo katã kple ƒome siwo nɔ hlɔ̃awo me. Aron kple Mose, siwo ƒe ŋkɔwo woyɔ ɖe dzidzimegbalẽ sia me la nye: Aron kple Mose, ame siwo Yehowa gblɔ na be, “Mikplɔ Israelviwo katã dzoe le Egiptenyigba dzi.” Woawoe yi Egipte fia Farao gbɔ be yewoabia mɔ hena Israelviwo kpɔkplɔ dzoe le Egiptenyigba la dzi, wonye Mose kple Aron. Aron ƒo nu ɖe Mose nu Azɔ esi Yehowa ƒo nu na Mose le Egipte la, egblɔ nɛ be, “Nyee nye Yehowa. Gblɔ nya sia nya si megblɔ na wò la na Egipte fia Farao.” Ke Mose gblɔ na Yehowa be, “Aleke Farao aɖo tom esi nyemenya nuƒoƒo o?” Yehowa gblɔ na Mose be, “Kpɔ ɖa, mewɔ wò abe Mawu ene na Farao, eye nɔviwò ŋutsu Aron abe wò nyagblɔɖila ene. Gblɔ nu sia nu si ƒe se mede na wò la na Aron. Eya agblɔe na Farao, eye wòabia be Farao naɖe asi le Israelviwo ŋu woadzo le Egipte. Ke mana Farao nasẽ dzi me, agbe. Ekema magawɔ dzesi dziŋɔ geɖewo le Egiptenyigba dzi. Ke le esiawo megbe hã la, Farao maɖo to wò o. Ekema mana nye asi nava Egiptetɔwo dzi, mabu fɔ wo kple nukudɔ geɖewo, eye makplɔ nye amehawo, nye dukɔ, Israel, adzoe le Egiptenyigba dzi. Ekema Egiptetɔwo adze sii be le nyateƒe me la, nyee nye Yehowa, ne meɖe nye ŋusẽ fia Egiptetɔwo, eye mekplɔ Israelviwo dzoe le wo dome.” Mose kple Aron wowɔ nu si Yehowa ɖo na wo. Mose xɔ ƒe blaenyi, eye Aron xɔ ƒe blaenyi-vɔ-etɔ̃ le ɣeyiɣi sia me, esi wodo ɖe Farao ŋkume. Mose ƒe atikplɔ trɔ zu da Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, “Ne Farao abia be, ‘Miawɔ nukunu aɖe la,’ ekema gblɔ na Aron be, ‘Tsɔ wò atikplɔ la da ɖe anyigba le Farao ŋkume,’ eye wòatrɔ azu da.” Ale Mose kple Aron woyi Farao gbɔ, eye wowɔ nukunu la abe ale si Yehowa ɖo na wo ene. Aron ɖe asi le eƒe atikplɔ ŋu da ɖe anyigba le Farao kple eŋumewo ŋkume, eye wòzu da. Tete Farao yɔ eƒe nunyalawo kple afakalawo kple Egipte ƒe akunyawɔlawo. Woawo hã te ŋu wɔ nu ma ke kple woƒe akunyawɔwɔ! Woawo hã ƒe atikplɔwo trɔ zu dawo esi wotsɔ wo da ɖe anyigba. Ke Aron ƒe atikplɔ lé woƒe atikplɔwo mi. Farao gasẽ dzi me kokoko, eye meɖo to wo o, abe ale si Yehowa gblɔ do ŋgɔe ene. Fukpekpe dziŋɔ gbãtɔ: tsi trɔ zu ʋu Yehowa gblɔ na Mose be, “Farao ƒe dzi me sẽ, eye wògbe be yemaɖe asi le ameawo ŋu woadzo o. “Togbɔ be nuwo anɔ alea hã la, gbugbɔ yi Farao gbɔ le ŋdi me, esime wòanɔ tɔsisi la to yim. Tsi tsitre ɖe tɔsisi la to, eye nàdo goe le afi ma; nàlé wò atikplɔ si zu da la ɖe asi. Gblɔ nɛ be, ‘Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, gaɖom ɖa be mana nàɖe asi le yeƒe amewo ŋu woayi aɖasubɔ ye le gbedzi.’ Gake va se ɖe fifi meɖo tom o. Azɔ la, Yehowa gblɔ be, ‘Èle si dze gee be nyee nye Yehowa, elabena megblɔ na Mose be wòatsɔ eƒe atikplɔ la aƒo Nil tɔsisi la ƒe tsi dzi, eye tɔsisi la atrɔ azu ʋu! Tɔmelãwo aku, eye tsi la aʋẽ ale be Egiptetɔwo magalɔ̃ be yewoanoe o.’ ” Emegbe Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Aron be, ‘Tsɔ wò atikplɔ do ɖe Egipte tsiwo katã dzi ekema Egipte tɔsisiwo, tɔʋuwo, tawo, tsi si woku da ɖi katã atrɔ zu ʋu! Ʋu anɔ afi sia afi le Egiptenyigba dzi, anɔ tsitɔkpowo kple kpezɔwo gɔ̃ hã me.’ ” Mose kple Aron wowɔ nu si Yehowa ɖo na wo be woawɔ. Aron ƒo Nil tɔsisi la kple eƒe atikplɔ la, eye tɔsisi la trɔ zu ʋu le Farao kple eŋumewo katã ŋkume. Tɔmelãwo katã ku, tsi la ƒaƒã ale be, Egiptetɔwo megate ŋu noe o. Ʋu xɔ Egiptenyigba ƒe akpa sia akpa dzi. Egiptetɔwo ƒe akunyawɔlawo hã wɔ woƒe nunya ɣaɣlawo ŋu dɔ, eye woawo hã wotrɔ tsi wòzu ʋu. Nu sia na Farao ƒe dzi me gasẽ kokoko. Meɖo to Mose kple Aron o, abe ale si Yehowa gblɔe do ŋgɔ ene tututu. Mose kple Aron ƒe wɔnawo mewɔ dɔ aɖeke ɖe edzi o; etrɔ yi eƒe fiasã me. Egiptetɔwo ɖe vudowo ɖe tɔsisi la to be yewoakpɔ tsi nono, elabena womate ŋu ano tɔsisi la me tsi o. Fukpekpe dziŋɔ evelia: akpɔkplɔwo Nil tɔsisi la trɔ zu ʋu ŋkeke adre sɔŋ esi Yehowa gblẽe. Yehowa gblɔ na Mose be, “Gayi Farao gbɔ, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye si. Ɖe asi le nye amewo ŋu woayi aɖasubɔm. Ne ègbe la, maɖo akpɔkplɔwo ƒe hatsotso gãwo ɖa woava xɔ wò anyigba la dzi tso liƒo ɖeka dzi yi bubu dzi. Akpɔkplɔwo asɔ gbɔ ɖe Nil tɔsisi la me. Woava ge ɖe wò fiasã la me, age ɖe wò xɔdɔme me, woage ɖe wò abati dzi, woage ɖe wò dumegãwo ƒe aƒewo me, eye woage ɖe abolokpowo kple amɔzewo me. Akpɔkplɔawo ata le wò ŋutɔ, wò amewo kple ŋuwòmewo katã dzi.’ ” Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Aron be wòado eƒe atikplɔ ɖe tɔsisiwo, tɔʋuwo kple tawo katã dzi le Egipte.” Aron wɔ nu sia, eye akpɔkplɔwo xɔ anyigba blibo la dzi. Ke akunyawɔlawo hã tsɔ woƒe ayemenuwɔwɔwo wɔ nenema, eye woawo hã na akpɔkplɔwo do ɖe anyigba la dzi. Tete Farao yɔ Mose kple Aron, heƒo koko na wo be, “Miɖe kuku na Yehowa be wòaɖe akpɔkplɔawo ɖa, ekema maɖe asi le ameawo ŋu woayi aɖasa vɔ nɛ.” Mose gblɔ be, “Ve nunye, eye nàgblɔ ɣeyiɣi si nàna woayi la nam ekema mado gbe ɖa be akpɔkplɔawo naku le ɣeyiɣi si dzi tututu nàtɔ asii la dzi. Akpɔkplɔawo aku le afi sia afi negbe le tɔsisi la me ko.” Farao ɖo eŋu nɛ be, “Wɔe etsɔ si gbɔna.” Mose yi edzi be, “Enyo, ava eme abe ale si nègblɔ ene, ekema ànya be, ame aɖeke mede Yehowa, mía Mawu la nu o. Akpɔkplɔawo katã atsrɔ̃ negbe esiwo le tɔsisi la me ko.” Ale Mose kple Aron wodzo le Farao gbɔ. Mose ɖe kuku na Yehowa le akpɔkplɔ siwo wòɖo ɖa la ŋu. Yehowa wɔ ɖe ŋugbe si Mose do na Farao la dzi. Akpɔkplɔ kukuwo yɔ duwo godo kple aƒewo me siaa. Woli kɔ wo gleglegle, eye wohe ʋeʋẽ sẽŋu aɖe va anyigba blibo la dzi. Ke esi Farao kpɔ be woɖe akpɔkplɔawo ɖa ko la, egasẽ dzi me, eye wògbe asiɖeɖe le ameawo ŋu abe ale si Yehowa gblɔe do ŋgɔ ene. Fukpekpe dziŋɔ etɔ̃lia: muwo Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Aron be, ‘Tsɔ wò atikplɔ ƒo anyigba, eye ke siwo katã le Egiptenyigba dzi la atrɔ azu muwo.’ ” Mose kple Aron wowɔ nu si Mawu ɖo na wo la. Tete muwo xɔ Egiptenyigba blibo la dzi enumake, eye woƒo kɔ ɖe amewo kple woƒe lãwo katã dzi. Akunyawɔlawo dze agbagba be yewo hã yewoawɔ nu ma ke kple woƒe nunya ɣaɣlawo, gake azɔ ya la, womete ŋui o, eye muawo ɖu amewo kple lãwo siaa. Akunyawɔlawo gblɔ na Farao be, “Esia nye Mawu ƒe asinudɔ.” Ke Farao gasẽ dzi me kokoko: meɖo to wo o, abe ale si Yehowa gblɔe do ŋgɔ ene. Fukpekpe dziŋɔ enelia: togbatowo Le esia megbe la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Fɔ etsɔ ŋdi kanya, nàdo go Farao esime wòyina tsi le ge le tɔsisi la me. Gblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: ɖe asi le nye amewo ŋu woayi aɖasubɔm. Ne ègbe la, maɖo togbatowo ƒe ha gã aɖe ɖa woava Egiptenyigba blibo la dzi, axɔ wò kple wò dumegãwo kple wò amewo ƒe aƒewo me. Ale Egiptetɔwo ƒe aƒewo me ayɔ fũu kple togbatowo, eye woayɔ anyigba la ƒe afi sia afi. “ ‘Gake gbe ma gbe la, mana nuwo nato vovo le Gosenyigba dzi, afi si nye amewo le. Togbatowo ƒe ha manɔ afi ma ya o. Ale nànyae be nye Yehowa mele anyigba sia dzi, elabena made vovototo wò amewo kple nye amewo dome. Dzesidede siawo katã ava eme etsɔ.’ ” Yehowa wɔ abe ale si wògblɔ ene. Togbatowo ƒe ha gã aɖe nye zi ge ɖe Farao ƒe fiasã la me kple eƒe dumegãwo ƒe aƒewo me, eye togbatoawo gblẽ nu le Egiptenyigba blibo la dzi. Farao yɔ Mose kple Aron enumake hegblɔ na wo be, “Enyo; miyi miasa vɔ na miaƒe Mawu la, gake misa vɔ la le afii, le anyigba sia dzi, migayi gbedzi o.” Ke Mose ɖo eŋu be, “Eya masɔ o! Egiptetɔwo lé fu míaƒe vɔsawo. Ne míasa vɔ na Yehowa míaƒe Mawu le woƒe ŋkuta la, woawu mí. Ele be míayi aɖanɔ gbedzi ŋkeke etɔ̃, asa vɔ na Yehowa, míaƒe Mawu la le afi ma, abe ale si wòɖo na mí ene.” Farao ɖo eŋu be, “Enyo, maɖe mɔ na mi be miayi aɖasa vɔ na Yehowa, miaƒe Mawu la, gake migayi didiƒe sãa o. Azɔ la, miɖe abla miaɖe kuku na miaƒe Mawu la ɖe tanye.” Mose lɔ̃ ɖe edzi hegblɔ be, “Ne medzo le gbɔwò la, mabia Yehowa be wòana togbatoawo katã nabu. Ke mele nya gbem na wò be mègable mí azɔ, ado ŋugbe na mí be yeaɖe asi le ameawo ŋu, eye emegbe nàgatrɔ susu o.” Mose dzo le Farao gbɔ, eye wòɖe kuku na Yehowa be wòaɖe togbatoawo ɖa. Eye Yehowa wɔ nu si Mose bia. Togbatoawo dzo le Farao kple eŋumewo kple eƒe amewo gbɔ; wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã meganɔ anyi o. Ke fifia gɔ̃ hã la, Farao gasẽ dzi me, eye melɔ̃ be yeaɖe asi le ameawo ŋu woadzo o. Fukpekpe dziŋɔ atɔ̃lia: lãwo ƒe dɔléle Yehowa gblɔ na Mose be, “Trɔ nàyi Farao gbɔ, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la be nàɖe asi le yeƒe amewo ŋu woayi aɖasubɔ ye. Ne miegbe asiɖeɖe le wo ŋu, eye miezi wo dzi la, ekema Yehowa ƒe asi ahe dɔvɔ̃ dziŋɔ aɖe ava miaƒe lãha siwo le gbedzi la dzi, ava miaƒe sɔwo, tedziwo, kposɔwo, nyiwo kple alẽwo kple gbɔ̃wo siaa dzi. Gake Yehowa ade vovo Israelviwo kple Egiptetɔwo ƒe lãhawo dome, ale be Israelviwo ƒe lã aɖeke maku o.’ ” Yehowa ɖo ɣeyiɣi, eye wògblɔ be, “Etsɔ si gbɔna la, Yehowa awɔ nu sia le anyigba sia dzi.” Eye Yehowa na wòva eme. Esi ŋu ke ŋdi la, Egiptetɔwo ƒe lãwo katã de asi kuku me, ke Israelviwo tɔwo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã meku o. Farao dɔ ame ɖa be woakpɔe be Israelviwo ƒe lãwo ya tsi agbe mahã. Togbɔ be woɖi ɖase nɛ be nyateƒee hã la, metrɔ eƒe tameɖoɖo la o. Egagbe asiɖeɖe le ameawo ŋu kokoko! Fukpekpe dziŋɔ adelia: ƒoƒoe te amewo Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, “Milɔ dzowɔ asiʋlo aɖewo tso kpo me, eye Mose nawui ɖe yame le Farao ŋkume. Dzowɔ la akaka abe ʋuʋudedi ene ɖe Egiptenyigba blibo la dzi, eye wòana ƒoƒoe nate amewo kple lãwo siaa le anyigba blibo la dzi.” Ale woɖe dzowɔ tso kpo me, eye woyi Farao gbɔ. Esi Farao nɔ wo kpɔm la, Mose wu dzowɔ la ɖe yame, eye wòzu ƒoƒoe te amewo kple lãwo siaa le anyigba blibo la dzi. Akunyawɔlawo mete ŋu tɔ ɖe Mose ŋkume o, le ƒoƒoeawo ta, elabena ƒoƒoeawo te Egiptetɔwo katã. Ke Yehowa gana Farao ƒe dzi me gasẽ kokoko, ale wògagbe nusese abe ale si Yehowa gblɔe na Mose da ɖi ene. Fukpekpe dziŋɔ adrelia: kpetsi dza Azɔ la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Fɔ ŋdi kanya, nàdo ɖe Farao ŋkume, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la gblɔe nye si, Ɖe asi le nye amewo ŋu woayi aɖasubɔm. Ne menye nenema o la, fifia ya la, maɖo nye dɔvɔ̃ ɖe mia dome kple ŋusẽ blibo, wòagblẽ nu le wò ŋutɔ, wò dumegãwo kple wò amewo ŋuti ale be mianyae be ame aɖeke megale anyigba blibo la dzi abe nye ene o. Anye ne le ɣeyiɣi sia me la, medo nye asi ɖa, gblẽ nu le wò kple wò amewo ŋu kple dɔvɔ̃ aɖe si ate ŋu atsrɔ̃ mi katã ɖa le anyigba la dzi hafi. Gake meɖe miaƒe agbe le susu sia ta be maɖe nye ŋusẽ afia mi, eye woaɖe gbeƒã nye ŋkɔ le anyigba blibo la dzi. Ke ègatsi tsitre ɖe nye ameawo ŋu kokoko, eye nègbe be yemaɖe asi le wo ŋu woadzo o, eya ta le etsɔ ɣeyiɣi sia tututu la, maɖo kpetsi vɔ̃ɖitɔ ɖa wòadza ɖe dukɔ blibo la dzi. Kpetsi sia tɔgbi medza kpɔ tso esime woɖo Egipte gɔme anyi o. Ɖe gbe na ameawo azɔ be, woakplɔ wò lãhawo kple nu siwo katã le asiwò le gbedzi la ava de kpo me, elabena kpetsi la adza ɖe amewo kple lã siwo womekplɔ va aƒe me o la siaa dzi, eye wo katã woaku.’ ” Yehowa ƒe nya siawo do ŋɔdzi na Egiptetɔ aɖewo ale gbegbe be wokplɔ woƒe lãwo kple kluviwo de xɔ me. Ke ame siwo mebu Yehowa ƒe nya nanekee o la gblẽ woƒe lãwo ɖe gbedzi. Yehowa gagblɔ na Mose be, “Fia asi dziƒo, eye nàna kpetsi la nadza le Egiptenyigba blibo la dzi, ɖe amewo, atiwo kple lãwo siaa dzi.” Ale Mose do asi ɖe dzi, eye Yehowa ɖo dziɖegbe kple kpetsi kple dzikedzo ɖa. Nu sia dzi ŋɔ wu gbɔgblɔ, kpetsi sia tɔgbi medza kpɔ le Egiptenyigba blibo la dzi esi wòzu dukɔ o. Nu geɖewo gblẽ le Egipte. Nu sia nu si tsi gbedzi, amewo kple lãwo siaa woku; atiwo ta ŋe, eye agblemenuwo katã gblẽ. Teƒe ɖeka pɛ si ko dzi kpetsi la medza ɖo o, le Egiptenyigba blibo la dzie nye Gosen, afi si Israelviwo nɔ. Farao ɖo du ɖe Mose kple Aron, eye wòʋu eme na wo be, “Medze si nye vodada azɔ, Yehowa tɔ dzɔ. Nye kple nye amewo míeda vo tso gɔmedzedzea va se ɖe fifia. Miɖe kuku na Yehowa be, wòatsi dziɖegbe kple kpetsi dziŋɔ sia nu, ekema mana miadzo enumake.” Mose ɖo eŋu be, “Enyo, ne medo le dua me teti ko la, make nye abɔwo me do ɖe Yehowa gbɔ, ekema dziɖegbe la kple kpetsi la nu atso. Esia afia wò be Yehowae le xexea me dzi ɖum. Ke le wò ŋutɔ kple ŋuwòmewo gome la, menya be fifia gɔ̃ hã la, mieɖoa to Yehowa Mawu o.” (Kpetsi la gblẽ ɖetifu kple lu o, elabena lu la ɖi, eye ɖetifu la hã ƒo se xoxo hafi, ke lu kple bli ya megblẽ o, elabena woawo metse haɖe o.) Ale Mose dzo le Farao gbɔ. Esi wòdo go le dua me la, edo eƒe asiwo ɖe dziƒo na Yehowa. Dziɖegbe kple kpetsi la nu tso, eye tsi hã dzudzɔ dzadza. Esi Farao kpɔ be tsidzadza, kpetsi kple dziɖegbe la tɔ la, egawɔ nu vɔ̃; eya kple eƒe dumegãwo sẽ woƒe dzi me. Ale Farao ƒe dzi me gasẽ, eye wògbe asiɖeɖe le Israelviwo ŋu abe ale si Yehowa gblɔe to Mose dzi ene. Fukpekpe dziŋɔ enyilia: ʋetsuviwo Le esia megbe la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Gayi Farao gbɔ, eye nàgatsɔ wò biabia la ɖo eŋkume. Ke mana eya kple eƒe aɖaŋudelawo ƒe dzi me nagasẽ kokoko ale be mate ŋu awɔ nukunu bubuwo, eye maɖe nye ŋusẽ afia. Esiawo anye ŋutinya siwo nàgblɔ na viwòwo kple wò tɔgbuiyɔviwo tso nukunu siwo mele wɔwɔm le Egipte la ŋu! Miƒo nu na wo tso ale si mewɔ Egiptetɔwo wozu abunɛtɔwo kple ale si meɖee fia mi bena nyee nye Yehowa la ŋuti.” Ale Mose kple Aron wogayi Farao gbɔ, eye wogblɔ nɛ be, “Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la le biabiam be, ‘Zi neni nàgbe toɖoɖom? Ɖe asi le nye amewo ŋu ale be woate ŋu ayi aɖasubɔm. Ne ègbe asiɖeɖe le ameawo ŋu la, mahe ʋetsuviwo va wò anyigba la dzi etsɔ. Woatsyɔ anyigba la dzi ale gbegbe be anyigba la magadze o. Woaɖu numiemie sue siwo susɔ le kpetsi la megbe kple ati ɖe sia ɖe si le tsitsim le agble dzi. Woayɔ wò aƒewo me, wò dumegãwo ƒe aƒewo me kple Egiptetɔwo katã ƒe aƒewo me, nu si mia fofowo loo alo mia tɔgbuiwo mekpɔ kpɔ, tso gbe si gbe wova anyigba sia dzi va se ɖe fifia o.’ ” Ale Mose trɔ dzo le Farao ŋkume. Farao ƒe aɖaŋudelawo va Farao gbɔ azɔ, eye wobiae be, “Ɖe nèdi be yeatsrɔ̃ mí gbidigbidia? Ɖe mènya be fifia gɔ̃ hã la, nu sia nu gblẽ le Egipte oa? Ɖe asi le ameawo ŋu woayi aɖasubɔ Yehowa, woƒe Mawu la.” Wokplɔ Mose kple Aron va Fia Farao gbɔ. Farao gblɔ na wo azɔ be, “Enyo, miyi miasubɔ Yehowa, miaƒe Mawu la. Ke ame kawoe miedi be woayi kpli mi?” Mose ɖo eŋu be, “Míayi kple mía viŋutsuwo, mía vinyɔnuwo kple míaƒe lãwo, elabena ŋkekenyui ɖu ge míeyina na Yehowa.” Farao yi edzi be, “Yehowa naɖi na mi, nyemaɖe asi le mia kple mia viwo ŋu miayi o. Eme kɔ ƒãa be nu gbegblẽ aɖee mieɖo ɖe ta me. Mi ŋutsuwo ɖeɖe ko, miyi miasubɔ Yehowa, elabena eyae nye nu si miebia.” Ale wonya wo ɖa le Farao ŋkume. Yehowa gblɔ na Mose be, “Keke wò asiwo ɖe Egiptenyigba la dzi, ne ʋetsuviwo nado, woaxɔ anyigba blibo la dzi, eye woaɖu nu sia nu si kpetsi la gblẽ ɖi.” Mose do eƒe atikplɔ ɖe dzi, eye Yehowa na ɣedzeƒeya aɖe ƒo le ŋkeke kple zã blibo la me. Esi ŋu ke la, ɣedzeƒeya la he ʋetsuviwo vɛ. Ʋetsuviawo xɔ anyigba la dzi tso liƒo dzi yi liƒo dzi. Esiae nye ʋetsuviwo ƒe vava vɔ̃ɖitɔ le Egipte ƒe ŋutinya blibo la me, eye etɔgbi magava akpɔ o, elabena ʋetsuviawo xe anyigba la ƒe ŋkume, eye woxe ɣe hã ƒe ŋkume; ale viviti do ɖe anyigba la dzi. Gawu la, woɖu ati kple gbe ɖe sia ɖe si kpetsi la gblẽ ɖi, ale be nu mumu si nye ati alo gbe la ƒe ɖeke kura meganɔ Egiptenyigba blibo la dzi o. Farao ɖo du sesẽ aɖe ɖe Mose kple Aron enumake, eye wògblɔ na wo be, “Mewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu kple miawo ŋutɔ hã ŋu. Migatsɔ nye nu vɔ̃ kem zi mamlɛtɔ sia ko, eye miaɖe kuku na Yehowa, miaƒe Mawu la be wòaɖe fukpekpe vɔ̃ɖi sia ɖa le dzinye.” Le esia ta Mose dzo le Farao gbɔ, eye wòɖe kuku na Yehowa, eye Yehowa ɖo ɣetoɖoƒeya sesẽ aɖe ɖa, eye wòkplɔ ʋetsuviawo katã yi ɖakɔ ɖe Ƒu Dzĩ la me. Ʋetsuvi ɖeka pɛ gɔ̃ hã megasusɔ ɖe Egiptenyigba dzi o! Ke Yehowa gana Farao ƒe dzi me gasẽ kokoko, eye meɖe asi le Israelviwo ŋu o. Fukpekpe dziŋɔ asiekɛlia: viviti tsiɖitsiɖi do Yehowa gblɔ na Mose be, “Do wò asi ɖe dziƒo ekema viviti tsiɖitsiɖi ado ɖe Egiptenyigba la dzi.” Mose wɔ alea, eye blukɔ tsiɖitsiɖi aɖe do ɖe Egiptenyigba blibo la dzi ŋkeke etɔ̃. Le ɣeyiɣi siawo katã me la, Egiptetɔwo megatea ŋu ʋãna o, le esime kekeli nɔ Israelviwo gbɔ abe tsã ene. Farao yɔ Mose, eye wògblɔ nɛ be, “Miyi miasubɔ Yehowa, gake miagblẽ miaƒe lãwo ɖe afi sia. Miate ŋu akplɔ mia viwo gɔ̃ hã ayii.” Mose ɖo eŋu be, “Kpao, ele be míakplɔ míaƒe lãwo hã ayi hena vɔsa kple numevɔsa na Yehowa, míaƒe Mawu la. Míagblẽ lã aɖeke ɖi o, eye lã aɖeke ƒe afɔkli gɔ̃ hã matsi anyi o, elabena ele be míasa vɔ na Yehowa, míaƒe Mawu la, eye míate ŋu anya lã siwo wòatia o, va se ɖe esime míaɖo afi ma.” Ale Yehowa gana Farao ƒe dzi me gasẽ, eye meɖe asi le ameawo ŋu o. Farao blu ɖe Mose ta be, “Bu le afi sia kaba! Mègana makpɔ wò mo azɔ gbeɖegbeɖe o. Gbe si gbe nàgado ɖe nye ŋkume la, ku kee nàku.” Mose ɖo eŋu be, “Enyo; mesee. Nyemagado ɖe wò ŋkume azɔ o.” Fukpekpe dziŋɔ ewolia: ŋgɔgbeviwo ku Yehowa gblɔ na Mose be, “Magaɖo fuwɔame ɖeka pɛ ko ɖe Farao kple eƒe anyigba la dzi. Le esia megbe la, Farao aɖe asi le mia ŋu miadzo. Le nyateƒe me la, atsi dzi be miadzo ale gbegbe be wòanya mi le eƒe anyigba la dzi. Gblɔ na Israel ŋutsuwo kple nyɔnuwo be woadzra ɖo hena sikanuwo kple klosalonuwo ɣeɣe le wo xɔlɔ̃ siwo nye Egiptetɔwo la si.” Elabena Yehowa na Egiptetɔwo lɔ̃ Israelviwo, eye Mose nye amegã aɖe le Egiptenyigba dzi; Farao ŋumewo kple Egiptetɔ bubuawo siaa bunɛ. Azɔ la, Mose na nyanya Farao be, “Yehowa be, ‘Mato Egiptenyigba la katã dzi le zãtitina. Ŋutsuvi tsitsiwo katã aku le ƒome ɖe sia ɖe me le Egipte, tso Farao ƒe viŋutsu tsitsitɔ, ame si aɖu fia ɖe eteƒe la dzi va se ɖe eƒe kluvi gblɔetɔ kekeake ƒe viŋutsu tsitsitɔ dzi. Gawu la, lãwo gɔ̃ hã ƒe ŋgɔgbeviwo hã aku. Konyifaɣli aɖi to Egiptenyigba blibo la dzi. Konyifafa sia tɔgbi menɔ anyi kpɔ o, eye etɔgbi magadzɔ akpɔ o. “ ‘Ke avu aɖeke mawó gɔ̃ hã ɖe Israelviwo dometɔ aɖeke ŋu o, eye woƒe lã aɖeke hã maku o.’ Ekema mianya be Yehowa de vovototo Egiptetɔwo kple Israelviwo dome! Wò aɖaŋudela siawo katã aƒu du ava tum, woade ta agu, eye woaƒo koko be, ‘Míeɖe kuku, midzo enumake, eye mikplɔ miaƒe amewo katã dzoe.’ Nya sia koe adzɔ hafi madzo!” Mose do dɔmedzoe, eye wòdzo le fiasã la me. Yehowa gblɔ na Mose do ŋgɔ be, “Farao maɖo to wò o. Nu sia ana mɔnukpɔkpɔm be mawɔ nukunu gãwo atsɔ aɖe nye ŋusẽ afia le Egipte.” Ale togbɔ be Mose kple Aron wowɔ nukunu siawo le Farao ŋutɔ ƒe ŋkuta gɔ̃ hã la, Yehowa gana Farao gasẽ dzi me kokoko, ale be mena Israelviwo dzo le anyigba la dzi o. Ŋutitotolẽvi la Yehowa gblɔ na Mose kple Aron le Egipte be, “Tso azɔ dzi yina la, ɣleti siae anye gbãtɔ kple ɣleti vevitɔ wu na mi le ƒea me. Miɖe gbeƒã na Israelviwo katã be le ɣleti sia ƒe ŋkeke ewolia dzi la, ŋutsu ɖe sia ɖe nalé alẽvi ɖeka na eƒe ƒome, alẽ ɖeka ɖe aƒekɔ ɖeka ɖe sia ɖe nu. Ne aƒekɔ aɖe le sue akpa na alẽvi blibo ɖeka ɖuɖu la, woama alẽvi la kple woƒe aƒelika si te ɖe wo ŋu wu le woƒe agbɔsɔsɔ nu. Ele be miabu alẽvi siwo ŋu dɔ woawɔ la ŋu le ameawo ƒe agbɔsɔsɔ nu, ɖe nu si ame sia ame aɖu la nu. Alẽ alo gbɔ̃ sia anye atsu si xɔ ƒe ɖeka, eye naneke megblẽ le eƒe akpa aɖeke ŋu o. Miakpɔ wo dzi va se ɖe ɣleti sia ƒe ŋkeke wuienelia dzi, esi Israelviwo katã awu woƒe lãwo le fiẽ me, woatsɔ woƒe ʋu asi na woƒe ʋɔtrua ƒe axadziti eveawo kple ʋɔtrua ƒe tameti le aƒe ɖe sia ɖe si me woaɖu alẽviawo le. Le zã ma ke me la, woame lã la aɖu kple amagbe veve kple abolo maʋamaʋã. Migaɖui mumu alo aɖae hafi aɖu o, ke boŋ mimee dɔnogoe, ta kple afɔwo siaa. Migagblẽ lã la ƒe ɖeke ɖi ŋu nake ɖe edzi o. Ne miete ŋu ɖu wo katã gbe ma gbe ƒe fiẽ o la, ele be miatɔ dzo esi susɔ. Ale si mianɔ hafi aɖui nye esi: mido miaƒe awuwo, miabla wo dzi kple alidziblaka. Mido miaƒe atokotawo ɖe afɔ, eye mialé miaƒe atizɔtiwo ɖe asi. Miɖui abe sisilawo ene, elabena Yehowa ƒe Ŋutitotoŋkeke wònye. “Elabena mato Egiptenyigba la dzi le zã sia me, eye mawu ŋgɔgbevi ɖe sia ɖe, amewo kple lãwo tɔwo siaa. Madrɔ̃ ʋɔnu Egipte mawuwo katã, elabena nyee nye Yehowa. Ʋu si miesi ɖe ʋɔtrutiwo ŋu la anye dzesi be mieɖoa tom. Ne mekpɔ ʋua la, mato mia ŋuti. Nyemawu viŋutsu gbãtɔwo ne meyina Egiptetɔwo tɔwo wu ge o. “Ele be miaɖu ŋkekenyui sia na Yehowa ƒe sia ƒe be wòaɖo ŋku zã si me Egiptetɔwo ƒe ŋutsuvi gbãtɔwo ku la dzi. Esia zu se si me woalé ɖe asi tegbetegbe. Miaɖu ŋkekenyui sia ŋkeke adre. Le ŋkeke adreawo katã me la, ele be miaɖu abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã ko. Woaɖe ame sia ame si agbe se sia dzi wɔwɔ le ŋkeke adreawo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã me la le Israelviwo ƒe hame. Le ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke gbãtɔ kple mamlɛtɔ dzi la, ameha la katã ade takpekpe kɔkɔe aɖe. Womawɔ dɔ aɖeke le ŋkeke siawo dzi o, negbe nuɖaɖa ko. “ ‘Abolo Maʋamaʋã Ŋkekenyui’ sia ɖuɖu ƒe sia ƒe ana miaɖo ŋku ŋkeke sia dzi abe gbe si gbe meɖe mi tso Egiptenyigba dzi ene, eya ta ezu se mavɔ be miaɖu ŋkekenyui sia ƒe sia ƒe, tso dzidzime yi dzidzime. Abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã la ko woaɖu tso ɣleti la ƒe ŋkeke wuienelia ƒe fiẽ va se ɖe ŋkeke blaeve-vɔ-ɖekɛlia ƒe fiẽ. Mele be amɔʋãtike aɖeke nanɔ miaƒe aƒewo me le ŋkeke adre siawo me o. Woaɖe ame sia ame si aɖu nu si wowɔ kple amɔ ʋaʋã le ɣeyiɣi sia me la le Israelviwo ƒe hame. Ele be amedzro siwo le mia dome kple dzɔleaƒeawo siaa nalé se sia me ɖe asi. Megale egblɔm be, le ŋkeke adre mawo me la, mele be miaɖu nu si wowɔ kple amɔ ʋaʋã la ƒe ɖeke o: miɖu nu si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã la ko le afi sia afi si mianɔ.” Ale Mose yɔ Israelviwo ƒe ametsitsiwo ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be, “Miyi mialé alẽwo tso miaƒe alẽhawo dome. Aƒekɔ ɖeka nalé alẽ ɖeka; aƒekɔ sue eve nalé alẽ ɖeka. Esia aku ɖe ame siwo le aƒeawo me ƒe agbɔsɔsɔ ŋu. Miwu Ŋutitotolẽvi la. Mitsyɔ alẽvi la ƒe ʋu ɖe gagbɛ aɖe me. Minyrɔ kakle ɖe ʋu la me, eye miatsɔe asisi ʋu la ɖe ʋɔtruti la tame kple eƒe axawo dzi, ale be ʋu nanɔ ʋɔtrutiawo ŋu. Mia dometɔ aɖeke mado go le xɔ me le zã ma me o. “Elabena Yehowa ato anyigba la dzi, eye wòawu Egiptetɔwo. Ke ne ekpɔ ʋu le ʋɔtruti la tametɔ kple eƒe axadzitɔwo ŋu la, ato ʋɔtru la ŋu, eye maɖe mɔ na nugblẽla wòage ɖe eme awu miaƒe ŋutsuvi gbãtɔwo o. Miɖo ŋku edzi be esia nye se si anɔ anyi tegbetegbe na miawo ŋutɔwo kple miaƒe dzidzimeviwo. Ne mieva ɖo anyigba si Yehowa ana mi dzi abe ale si wòdo ŋugbee na mi ene, ne miele Ŋutitotoŋkekenyui la ɖum, eye mia viwo bia mi be, ‘Nu ka ta miele ŋkekenyui sia ɖum mahã?’ la, miaɖo eŋu be, ‘Enye Yehowa ƒe mía ŋuti toto ƒe vɔsa, elabena eto Israelviwo ƒe aƒewo ŋuti, eye wòwu Egiptetɔwo.’ ” Ameawo katã de ta agu, eye wosubɔ Mawu. Israel wɔ abe ale si Yehowa ɖo na Mose kple Aron ene. Ŋgɔgbeviwo ƒe ku Le zã ma me, le zãtitina tututu la, Yehowa wu ŋutsuvi gbãtɔwo le Egiptenyigba la dzi, tso Farao ƒe viŋutsuvi gbãtɔ si le eƒe zi dzi la dzi va se ɖe gaxɔmenɔla ƒe viŋutsuvi gbãtɔ dzi. Ewu lãwo ƒe vi siwo nye atsu la ƒe gbãtɔwo hã. Farao kple eƒe aɖaŋudelawo kple Egiptetɔwo katã fɔ le zã ma me. Avifafa nɔ Egiptenyigba blibo la dzi, elabena aƒe aɖeke menɔ anyi esi me ame meku le o. Israelviwo dzo le Egipte Farao yɔ Mose kple Aron le zã ma me, eye wògblɔ be, “Netsɔ, midzo le mía gbɔ, míeɖe kuku, mi katã midzo! Mia ŋutɔwo kple Israelviwo; miyi miasubɔ Yehowa abe ale si miebia ene. Mikplɔ miaƒe alẽwo kple nyiwo, eye miadzo. Miyram eye miadzo.” Egiptetɔwo ƒo du ɖe Israelviwo nu be woadzo le anyigba la dzi kaba, abe ale si woate ŋui ene, elabena wogblɔ be, “Ne menye nenema o la, mí katã míele kuku ge.” Israelviwo tsɔ woƒe amɔ maʋamaʋã ɖe asi. Wobla woƒe amɔkpakuwo ɖe woƒe avɔ mamlɛawo me heda ɖe abɔta. Israelviwo wɔ abe ale si Mose gblɔ na wo ene. Woɣe klosalonuwo kple sikanuwo kple awuwo le Egiptetɔwo si. Yehowa na Egiptetɔwo nyo dɔ me na Israelviwo ale gbegbe be wotsɔ nu sia nu si Israelviwo bia wo la na wo. Ale Egiptetɔwo ƒe nu sia nu kloe yi Israelviwo gbɔ! Israelviwo dzo le Rameses le zã ma me heɖo ta Sukɔt. Ŋutsu akpe alafa ade kple nyɔnuwo kple ɖeviwo dze mɔ kple afɔ. Amedzro geɖewo hã dze mɔ kpli wo. Woho kple alẽha kple nyiha gã aɖewo. Ne wotɔ hena nuɖuɖu la, wowɔa abolo kple amɔ maʋamaʋã si wotsɔ ɖe asi la ŋu dɔ. Amɔ la meʋã o, elabena ɖe wonya wo le Egipte, eye womekpɔ ɣeyiɣi aɖeke ana woƒe amɔ naʋã woatsɔ ɖe asi na mɔzɔzɔ la o. Israelviwo nɔ Egipte ƒe alafa ene blaetɔ̃ (430). Le ƒe alafa ene blaetɔ̃ (430) lia ƒe nuwuwu, le ŋkeke ma dzi tututu la, Yehowa ƒe amewo katã ʋu le Egipte. Yehowa tia zã sia be yeaɖe yeƒe amewo tso Egiptenyigba dzi, eya ta wòna zã sia zu gbe si gbe Israelviwo katã aɖu ale si Yehowa ɖe woe la ƒe ŋkekenyui ƒe sia ƒe. Ŋutitotolẽvi la ɖuɖu ŋuti sewo Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, “Esiawoe nye se siwo le Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu ŋuti. “Amedzro aɖeke maɖu alẽvi la ƒe lã o, gake kluvi si mieƒle hetso aʋa na la ate ŋu aɖui. Agbatedɔwɔla alo amedzro si le mia gbɔ la, mekpɔ mɔ aɖui o. Mi ame siwo katã aɖu alẽvi ɖeka la, miaɖui le aƒe ɖeka me: miatsɔ ɖeke ado goe o, eye miagbã ƒu aɖeke hã o. Israelviwo katã aɖu ŋkekenyui sia le ɣeyiɣi ɖeka dzi. “Ne amedzro siwo le mia gbɔ di be yewoaɖu Yehowa ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la kpli mi la, mina woƒe ŋutsuwo katã natso aʋa, ekema woate ŋu aɖui kpli mi. Ekema woazu abe ɖe wodzi wo ɖe mia dome ene. Ke bolotɔ aɖeke mekpɔ mɔ aɖu ŋutitotolẽvi la o. Se ɖeka ma kee akplɔ Israelvi dzɔleaƒeawo kple amedzro siwo le mia dome.” Israelviwo wɔ se siwo katã Yehowa de na wo to Mose kple Aron dzi la dzi. Gbe ma gbe kee Yehowa kplɔ Israelviwo do goe tso Egiptenyigba dzi, le woƒe to vovovoawo me. Ŋgɔgbeviwo ŋuti kɔkɔ na Mawu Yehowa gblɔ na Mose bena, “Kɔ Israelviwo ƒe ŋutsuvi gbãtɔ ɖe sia ɖe kple lãwo ƒe atsu gbãtɔwo ŋu nam; eɖanye ame alo lã o, tɔnyewoe!” Mose gblɔ na ameawo be, “Ele be gbe si gbe miedzo le Egipte, eye miedo le kluvinyenye me la, nanye ŋkeke aɖe si dzi miaɖo ŋkui tegbetegbe, elabena Yehowa ɖe mi kple nukunu gãwo. Migaɖu naneke si me amɔʋãtike le la o. Egbe, ɣleti Abib me, miele ʋuʋum. Ne Yehowa kplɔ mi va Kanaantɔwo, Hititɔwo, Amoritɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo ƒe anyigba si wòka atam na mia fofowo be yeatsɔ ana mi, anyigba ‘si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo’ dzi la, ekema miaɖu ŋkeke sia le dzinu sia me. Hena ŋkeke adre la, miaɖu abolo maʋamaʋã, eye le ŋkeke adrelia gbe la, miaɖu ŋkekenyui na Yehowa. Miaɖu abolo maʋamaʋã le ŋkeke adre mawo me; womakpɔ naneke si ʋã la le mia dome o alo akpɔ amɔʋãtike le miaƒe liƒowo me o. Le gbe ma gbe la, migblɔ na mia viŋutsuwo be, ‘Mele esia wɔm ɖe nu si Yehowa wɔ nam, esi medo go le Egipte la ta.’ Ŋkeke sia ɖuɖu anɔ na mi abe dzesi ene le miaƒe asiwo kple ŋkuɖodzinu le miaƒe ŋgonu, ale be Yehowa ƒe se la anɔ miaƒe nu me, elabena Yehowa kplɔ mi do goe le Egipte kple asi sesẽ. Eya ta miɖo ŋku nuɖoanyi sia dzi le ɣeyiɣi ɖoɖi la dzi ƒe sia ƒe. “Ne Yehowa kplɔ mi yi anyigba si ŋugbe wòdo na mia fofowo ƒe geɖewo nye esi va yi, afi si Kanaantɔwo le fifia dzi la, miɖo ŋku edzi be, miaƒe viŋutsuvi gbãtɔwo katã kple lãtsu siwo katã aʋu dɔ nu na miaƒe lãwo la katã nye Yehowa tɔ. Ele be miatsɔ wo nɛ. Miate ŋu atsɔ agbo alo gbɔ̃tsu aɖɔli tedzitsu. Ke ne ame aɖe medi be yeawɔ alea o la, ele na amea be wòawu tedzi la. Ke ele be miaƒle viŋutsuvi ŋgɔgbeviwo katã ta. “Ne mia viwo abia mi be, ‘Nu ka ta miewɔa nu siawo ɖo?’ la, ele be miagblɔ na wo be, ‘Yehowa tsɔ nukunu gãwo ɖe mí tso kluvinyenye me, tso Egiptenyigba dzi. Farao meɖe mɔ na mí be míadzo o, eya ta Yehowa wu woƒe ŋgɔgbeviwo katã, amegbetɔwo kple lãwo tɔwo siaa le Egipte, eya ta míetsɔa atsu sia atsu, si ʋu dɔ nu na dadaa, amegbetɔwo kple lãwo siaa naa Yehowa. Ke woƒlea ŋutsuvi tsitsitɔwo katã ta.’ Megale egblɔm na mi be ele be ŋkekenyui sia ɖuɖu nade dzesi mi abe Yehowa ƒe amewo ene, abe ɖe wòtsɔ eƒe nutɔnyenye ƒe dzesi ɖo ŋgonu na mi ene. Enye ŋkuɖodzi be Yehowa tsɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe mi tso Egiptenyigba dzi.” Ƒu Dzĩ la tsotso Esi Farao ɖe asi le ameawo ŋu be woadzo mlɔeba la, Mawu mekplɔ wo to Filistitɔwo ƒe anyigba dzi o, togbɔ be eyae nye mɔ kpuitɔ hafi, elabena Mawu gblɔ be ne aʋa dzɔ ɖe wo kple Filistitɔwo dome la, woatrɔ ta me be yewoatrɔ, agbugbɔ ayi Egipte. Ale Mawu kplɔ wo to gbegbemɔ la dzi ɖo ta Ƒu Dzĩ la nu. Israelviwo ʋu tso Egipte, nɔ akpababla me hena aʋawɔwɔ. Mose tsɔ Yosef ƒe ƒuwo ɖe asi, elabena Yosef na Israelviwo ka atam le Mawu ƒe ŋkume be yewoatsɔ eƒe ƒuwo ɖe asi ne Mawu akplɔ yewo adzoe tso Egipte, abe ale si wòka ɖe edzi be Mawu awɔe ene. Esi wodzo le Sukɔt la, woƒu asaɖa anyi ɖe Etam le gbegbe la to. Yehowa kplɔa wo kple lilikpo dodo aɖe le ŋkeke me. Le zã me la, ekplɔa wo kple dzo bibi aɖe. Ale wotea ŋu zɔa mɔ le ŋkeke me kple zã me siaa. Lilikpo dodo la kple dzo bibi la siaa mebuna ɖe wo ɣe aɖeke ɣi o. Israelviwo tso Ƒu Dzĩ la Azɔ la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Israelviwo be woatrɔ aɖo ta Pi Hahirɔt, le Migdol kple atsiaƒu la dome le Baal Zefon ŋgɔ, eye woaƒu asaɖa anyi ɖe ƒu la nu, elabena Farao abu be, ‘Israelvi mawo xaxa ɖe ƒu la kple gbegbe la dome!’ Magana Farao nagasẽ dzi me, eye wòati mia yome. Mewɔ ɖoɖo sia ale be makpɔ bubu kple ŋutikɔkɔe gã ɖe Farao kple eƒe aʋakɔ dzi. Ale Egiptetɔwo anya be nyee nye Yehowa.” Ale woƒu asaɖa anyi ɖe afi si Mose fia wo la. Esi Egipte fia se be Israelviwo meɖo ta me be yewoagbugbɔ va Egipte le ŋkeke etɔ̃ megbe o, ke boŋ yewoayi mɔzɔzɔ dzi la, Farao kple eŋumewo ƒe mo nyra, eye dzi gaɖo wo ƒo. Wobia be, “Nu kae nye esi míewɔ be míeɖe asi le Israelviwo ŋu wodzo eye míebu woƒe subɔsubɔdɔ nyuitɔwo?” Ale Farao na wodzra eƒe tasiaɖam ɖo nɛ, eye wòkplɔ eƒe aʋakɔ ɖe asi. Etia tasiaɖam nyuitɔ alafa ade kpe ɖe tasiaɖam bubu siwo katã nɔ Egipte la ŋu, eye wòtsɔ asrafomegãwo ɖo ɖe sia ɖe nu. Yehowa na Egipte fia Farao ƒe dzi me sẽ ɖe edzi, ale wòti Israelvi siwo nɔ azɔli dzi dzideƒotɔe la yome. Wowɔ Farao ƒe sɔwo, tasiaɖamwo, sɔdolawo kple aʋawɔla bubuawo katã ŋu dɔ le wo yometiti me. Egiptetɔwo va tu Israelviwo, esi woƒu asaɖa anyi ɖe ƒu la to, te ɖe Pi Hahirɔt ŋu le Baal Zefon ŋgɔ. Esi Egiptetɔwo ƒe aʋakɔ gbɔna la, Israelviwo kpɔ wo ɖaa le adzɔge ke, eye vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ. Wodo ɣli na Yehowa be wòakpe ɖe yewo ŋu. Wotrɔ ɖe Mose gbɔ helĩ liʋĩliʋĩ be, “Ɖe nèkplɔ mí va afi sia be míaku ɖe gbedzi, elabena yɔdowo mele Egipte oa? Nu kae nye esi nèwɔ be nèkplɔ mí do goe tso Egipte? “Menye esiae míegblɔ na wò esime míenɔ Egipte la be, ‘Ɖe asi le mía ŋu kpoo ne míasubɔ Egiptetɔwo’ oa? Anyo na mí be míasubɔ Egiptetɔwo wu be míaku ɖe gbegbe!” Ke Mose ɖo eŋu na wo be, “Migavɔ̃ o, minɔ te ɖe afi si miele la ko, milé ŋku ɖe nuwo ŋu, eye miakpɔ nukumɔ si dzi Yehowa aɖe mi toe egbe la ɖa. Egiptetɔ siwo kpɔm miele fifia la, miagakpɔ wo akpɔ o. Yehowa awɔ aʋa na mi; miawo ya mizi kpoo nɛ ko.” Yehowa gblɔ na Mose be, “Nu ka ŋuti nèle ɣli dom nam? Gblɔ na Israelviwo be woaɖe zɔ, ayi ŋgɔ Do wò atikplɔ la ɖe dzi, eye nàdo wò asi ɖe atsiaƒu la dzi be atsiaƒutsi la nama ɖe eve, ale be Israelviwo nato atsiaƒu la me ayi le anyigba ƒuƒui dzi. Mana Egiptetɔwo ƒe dzi me nasẽ be woadze Israelviwo yome, eye makɔ nye ŋkɔ ŋuti to Farao kple eƒe aʋakɔwo kple tasiaɖamwo kple sɔdolawo dzi. Egiptetɔwo anya be nyee nye Yehowa, ne mekɔ nye ŋkɔ ŋuti to Farao, eƒe tasiaɖamwo kple eƒe sɔdolawo dzi.” Mawudɔla si nɔ Israelviwo kplɔm la trɔ yi Israelviwo megbe, nenema ke lilikpo dodo si nɔ wo ŋgɔ la hã trɔ yi wo megbe, ale wòtɔ ɖe Egipte ƒe aʋakɔwo kple Israelviwo dome. Le zã blibo la me la, lilikpo la na viviti do ɖe akpa ɖeka, eye kekeli do ɖe akpa kemɛ, ale wo dometɔ aɖeke mete ɖe nɔvia ŋu le zã blibo la me o. Egiptetɔwo tsi Ƒu Dzĩ la me. Tete Mose tsɔ eƒe asi do ɖe ƒu la dzi. Ale zã blibo la Yehowa tutu atsiaƒu la ɖe megbe to ɣedzeƒeya sesẽ aɖe dzi, eye wòna anyigba ƒuƒui dze. Tsi la ma ɖe akpa eve, eye Israelviwo zɔ to atsiaƒu la me le anyigba ƒuƒui dzi, ale tsi la zu gli ɖe woƒe ɖusime kple miame. Egiptetɔwo, Farao ƒe sɔwo, tasiaɖamwo kple sɔdolawo dze wo yome to atsiaƒu la ƒe gliwo me, eye woawo hã wonɔ atsiaƒu la ƒe ƒuƒuiƒe zɔm. Ke le ŋdi kanya la, Yehowa kplɔ Egiptetɔwo ƒe aʋakɔ la to dzo bibi la me, eye wòde tɔtɔ wo dome. Woƒe tasiaɖamwo ƒe afɔwo de asi dodo me le wo te. Ale woƒe tasiaɖamwo de asi anyigbatete me. Egiptetɔwo do ɣli be, “Mina míadzo le Israel nu. Yehowa le aʋa wɔm kpli mí na wo!” Yehowa gblɔ na Mose be, “Gada wò asi ɖe atsiaƒu la dzi ale be tsigliawo namu adze Egiptetɔwo, woƒe tasiaɖamwo kple woƒe sɔdolawo dzi.” Mose wɔ alea, eye esi ŋu ke la, atsiaƒu la gazu abe ale si wònɔ tsã ene. Egiptetɔwo dze agbagba be yewoasi, ke Yehowa na atsiaƒutsi la ŋe tsyɔ wo dzi. Ale tsi la gbugbɔ yi enɔƒe hetsyɔ tasiaɖamwo, sɔdolawo kple Farao ƒe aʋakɔ blibo la, si dze Israelviwo yome ge ɖe atsiaƒu la me dzi. Wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã metsi agbe o. Israelviwo zɔ anyigba ƒuƒui dzi hetso ƒu la, esime tsi la trɔ zu gli ɖe woƒe ɖusime kple miame. Ale Yehowa ɖe Israelviwo gbe ma gbe tso Egiptetɔwo ƒe asi me. Israelviwo kpɔ Egiptetɔwo woku, eye atsiaƒu la ɖe woƒe kukuawo ƒu gbe ɖe gota. Esime Israelviwo kpɔ nukunu triakɔ si Yehowa wɔ na wo ɖe Egiptetɔwo ŋu la, wovɔ̃, wode bubu Yehowa ŋu, eye woxɔ eya kple eƒe dɔla Mose dzi se. Mose dzi kafukafuha Mose kple Israelviwo dzi kafukafuha sia na Yehowa be, “Madzi ha na Yehowa, elabena wodo eya amea ɖe dzi bobobo. Etsɔ sɔ kple sɔdola siaa de atsiaƒu la me. “Yehowae nye nye ŋusẽ kple xɔnametɔ, eya gbɔ ɖeɖe tso va nam. Eyae nye nye Mawu, eya ta makafui. Eyae nye fofonye ƒe Mawu, eya ta madoe ɖe dzi. Yehowa nye aʋawɔla, Ɛ̃, eŋkɔe nye Yehowa. Ede Farao ƒe tasiaɖamwo kple aʋakɔwo ƒu, eye wònyrɔ wo ɖe atsiaƒu la me. Farao ƒe aʋakplɔla xɔŋkɔwo nyrɔ ɖe Ƒu Dzĩ la me. Atsiaƒutsi la tsyɔ wo dzi. Wodze to ɖe atsiaƒu la te abe kpe ene. O, Yehowa, wò nuɖusibɔ wɔ kalẽ. O, Yehowa, wò nuɖusibɔ kaka futɔwo hlẽ. “Le wò fianyenye ƒe gãnyenye me, ètsɔ ame siwo tsi tsitre ɖe ŋuwò la ƒu anyi. Èɖe asi le wò dziku bibi la ŋu, eye wòfia wo abe gbe ƒuƒu ene. Wò ŋɔtimegbɔgbɔ do, eye wòna tsiawo ƒu kpo. Tsi sisi la nɔ te, eye wòlé akpa aveawo ɖe te abe gli ene, eye tsi goglo la zi ɖoɖoe le atsiaƒu la titina. Futɔ la gblɔ dadatɔe be, ‘Mati wo yome, matu wo, mama woƒe afunyinuwo. Mana nye didi ɖe wo ŋuti nava eme. Maɖe nye yi tso aku me, eye nye asi atsrɔ̃ wo.’ Ke wò la, ègbɔ wò gbɔgbɔ, eye ƒu la ŋe tsyɔ wo dzi. Wodze to abe asabukpe ene ɖe tsi gã la te. “O, Yehowa, ame kae le abe wò ene le mawuwo dome? Ame kae le abe wò ene le kɔkɔenyenye kɔkɔtɔ me, le ŋutikɔkɔe ƒe ŋɔdzi me, eye wòwɔa nukudɔwo? Èdo wò nuɖusi ɖa, eye anyigba mi wo. “Àkplɔ ame siwo nèɖe la le wò lɔlɔ̃ mavɔ la ƒe ŋusẽ me. Le wò ŋusẽ me, àkplɔ wo ayi wò nɔƒe kɔkɔe lae. Dukɔwo ase nya si dzɔ, woadzo nyanyanya; vɔvɔ̃ aɖo Filistitɔwo. Ŋɔdzi alé Edom fiawo, eye Moab ƒe kplɔlawo anɔ dzodzom nyanyanya, Kanaantɔwo hã ƒe dzi alolõ. Ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ adze wo dzi. Woatrɔ azu kpe, le wò abɔ ƒe ŋusẽ ta, va se ɖe esime wò amewo atso eme ava ayi. O, Yehowa, va se ɖe esime wò ame siwo nèƒle la, atso eme ava yi. Wò la, àkplɔ wo aɖo wo te le wò to si nye wò domenyinu la dzi. O, Yehowa, teƒe si nèwɔ be wòanye wò nɔƒe la, Aƒetɔ, Kɔkɔeƒe si nètsɔ wò ŋutɔ wò asiwo wɔe la. “Yehowa aɖu fia tegbetegbe!” Farao ƒe sɔwo, eƒe sɔdolawo kple woƒe tasiaɖamwo kplɔ wo ɖo to atsiaƒu la me. Ke Yehowa na tsigliawo mu gbagbã tsyɔ wo dzi, le esime Israelviwo zɔ ƒuƒuiƒe to wo me. Nyagblɔɖila Miriam, Aron nɔvinyɔnu ƒo axatsɛ, eye wònɔ ŋgɔ na nyɔnuawo woɖu ɣe. Eye Miriam dzi ha sia: “Midzi ha na Yehowa, elabena eɖu dzi ŋusẽtɔe. Ede sɔ kple sɔdola atsiaƒu la me.” Mara kple Elim ƒe tsiwo Azɔ la, Mose kplɔ Israelviwo to Ƒu Dzĩ la nu, eye woyi Sur gbedzi. Wonɔ afi ma ŋkeke etɔ̃, ke womekpɔ tsi woano o. Esi wova ɖo Mara la, womete ŋu no tsi le afi ma o, elabena tsi la le vevem. (Esia ta woyɔa teƒe ma be Mara.) Israelviwo lĩ liʋĩliʋĩ le Mose ŋu. Wobiae be, “Ɖe míaku le tsikɔwuame taa?” Mose ɖe kuku na Yehowa be wòakpe ɖe yewo ŋu. Yehowa fia ati aɖee wòtsɔ da ɖe tsi la me, eye tsi veve la trɔ zu tsi nyui. Le Mara la, Yehowa de se siawo na wo be yeado woƒe ɖokuitsɔtsɔ na ye akpɔ. “Ne miaɖo to Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe gbe, miawɔ nu si dza le eƒe ŋkume, eye miawɔ eƒe sewo kple ɖoɖowo dzi la, ekema nyemana dɔléle siwo mena wova Egiptetɔwo dzi la nava mia dzi o, elabena nyee nye Yehowa, nyee daa gbe le mia ŋu.” Wova ɖo Elim, afi si vudo wuieve kple deti blaadre le. Woƒu asaɖa anyi ɖe afi sia ɖe vudoawo to. Mana kple tegliwo Azɔ la, Israel ƒe ha blibo la dzo le Elim, eye woyi Sin, gbegbe si le Elim kple Sinai to la dome. Woɖo afi ma le ɣleti evelia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi le woƒe dzodzo le Egipte megbe. Le afi sia hã la, dukɔ la katã galĩ liʋĩliʋĩ le Mose kple Aron ŋuti vevie. Israelviwo gblɔ na wo be, “Ɖe wòanyo ŋutɔ ne míaku ɖe Yehowa ƒe asi me le Egipte! Le teƒe ma la, míenɔa anyi ƒoa xlã lã siwo míeɖa la ƒe zewo, eye míeɖua nu si míedi la, gake miekplɔ mí va gbegbe afi sia be dɔ nawu mí míaku.” Yehowa gblɔ na Mose be, “Kpɔ ɖa, mana abolo nadza tso dziƒo na wo. Ame sia ame ate ŋu ado go gbe sia gbe, eye wòafɔ nuɖuɖu si wòhiã. Mado wo kpɔ le nu sia me akpɔ be woawɔ ɖe nye ɖoɖowo dzi mahã. Gblɔ na wo be, woafɔ nuɖuɖu si wofɔna gbe sia gbe la ƒe teƒe eve le kɔsiɖa ɖe sia ɖe ƒe ŋkeke adelia dzi.” Mose kple Aron wowɔ takpekpe kple Israelviwo katã. Wogblɔ na wo be, “Egbe fiẽ la, miadze sii be Yehowae kplɔ mi tso Egiptenyigba dzi. Le ŋdi la, miakpɔ eƒe ŋutikɔkɔe geɖe wu, elabena ese miaƒe liʋĩliʋĩlilĩ le eya, Yehowa ŋu, elabena menye míawo ŋue mielĩ liʋĩliʋĩ le o. Ame kawo míenye?” Mose gblɔ hã be mianya be, “Yehowae na lã mi le fiẽ me, eye wòna abolo si miehiã la mi le ŋdi me, elabena ese miaƒe liʋĩliʋĩlilĩwo le eŋuti. Ame kawoe mienye? Menye míawo ŋu miele liʋĩliʋĩ lĩm le o, ke boŋ Yehowa ŋue.” Ale Mose gblɔ na Aron be, “Gblɔ na Israelviwo katã be, ‘Miva Yehowa ŋkume, elabena ese miaƒe liʋĩliʋĩlilĩ.’ ” Esi Aron nɔ nu ƒom na Israelviwo ƒe ha bliboa la, wonye kɔ kpɔ gbegbe lɔƒo, eye le afi ma wokpɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe wònɔ keklẽm le aliliwo me. Yehowa gblɔ na Mose be, “Mese woƒe liʋĩliʋĩlilĩ. Gblɔ na wo be, ‘Le fiẽ sia la, lã aka mia si; le ŋdi la, miaxɔ abolo, eye mianya be nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ ” Gbe ma gbe fiẽ la, tegliwo ƒe ha gã aɖe va do, eye woxe asaɖa la tame. Le ŋdi la, afu do ƒo xlã asaɖa la, eye esi xexeme kɔ ŋdi la, nu ɣi nogonogoewo nɔ anyigba abe kpetsi ene. Esi Israelviwo kpɔ wo la, wobia wo nɔewo be, “Nu kawoe nye esiawo?” Elabena womenya nu si wonye o. Mose gblɔ na wo be, “Esiawoe nye abolo si Yehowa na mi be miaɖu. Yehowa gblɔ be, ame sia ame nafɔ agbɔsɔsɔ si ade eƒe aƒemetɔwo nu abe lita eve ƒe dzidzeme ene ɖe aƒea me tɔ ɖe sia ɖe nu.” Ale Israelviwo yi ɖafɔ wo abe ale si Mose gblɔ na wo ene; ame aɖewo fɔe fũu, ke ame aɖewo hã mefɔe fũu o. Esi wotrɔ wo ɖe dzidzenu la me la, woyɔ dzidzenu la ɖe ame sia ame nu. Ame si ƒoa ƒu nuwo fũu hã mekpɔa ɖeke ɖe edzi o, ke ame si ƒo ƒu sue aɖe hã la, naneke mehiãnɛ o! Aƒe ɖe sia ɖe me tɔwo kpɔ esi ade wo nu tututu. Mose gblɔ na wo be, “Migana ŋu nake ɖe wo dzi o.” Ame aɖewo meɖo to o: wona ŋu ke ɖe wo dzi. Kasia woakpɔ wo ɖa la, wodze nyẽ henɔ ʋeʋẽm kũu. Mose do dɔmedzoe ɖe wo ŋu vevie, eya ta azɔ la, wofɔa nuɖuɖu la ŋdi sia ŋdi, eye aƒe sia aƒe fɔa esi wòhiã la ko. Ne ŋdɔ ʋu, eye anyigba xɔ dzo la, abolo la lolõna, eye wòbuna. Le ŋkeke adelia dzi la, wofɔa agbɔsɔsɔ si wofɔna gbe sia gbe la ƒe teƒe eve. Wofɔa lita ene ɖe ame sia ame nu, ɖe lita eve teƒe. Kplɔlawo bia Mose be nu ka ta wòde se ma na yewo mahã. Mose gblɔ na wo be, “Yehowa tɔ asi etsɔ dzi be wòanye dzudzɔgbe, wòanye ŋkeke kɔkɔe na Yehowa, eye wòle be míadzudzɔ tso míaƒe gbe sia gbe dɔwo wɔwɔ me, eya ta miɖa nu wòasɔ gbɔ abe ale si miedi ene egbe, eye midzra esi asusɔ la ɖo ŋu nake ɖe edzi.” Esi ŋu ke la, nuɖuɖu la nɔ nyuie: megadze nye o eye megaʋẽ hã o, abe ale si Mose gblɔe na wo ene. Mose gblɔ be, “Esiae nye miaƒe egbe ƒe nuɖuɖu, elabena egbee nye dzudzɔgbe na Yehowa, eye nuɖuɖu aɖeke maganɔ anyigba miafɔ egbe o. Mifɔ nuɖuɖu la ŋkeke ade, ŋkeke adrelia nye Dzudzɔgbe. Nuɖuɖu aɖeke manɔ anyigba miafɔ gbe ma gbe o.” Ke ame aɖewo ya gayi nuɖuɖu la fɔ ge, togbɔ be gbe ma gbee nye ŋkeke adrelia, ke nuɖuɖu aɖeke menɔ anyigba wofɔ o. Yehowa bia Mose be, “Va se ɖe ɣe ka ɣie miagbe toɖoɖo nye sewo kple ɖoɖowo? Miɖo ŋku edzi be, Yehowae na Dzudzɔgbe ŋkeke la mi; esia tae wòna ŋkeke eve ƒe abolo mi le ŋkeke adelia gbe. Ame sia ame nenɔ afi si wòle le ŋkeke adrelia gbe; ame aɖeke megado go o.” Ale Israelviwo dzudzɔ wo ɖokuiwo le ŋkeke adrelia gbe. Israelviwo yɔa abolo la be, “mana.” Ele ɣie abe bliku ene, eye wòvivina abe akpɔnɔvivi si me wode anyitsii ene. Mose gblɔ be, “Ale Yehowa de see nye esi, ‘Tsɔ mana lita ɖeka, dzrae ɖo hena dzidzime siwo ava dzɔ, ale be woate ŋu akpɔ abolo si mena mi mieɖu le gbedzi, esi mekplɔ mi do goe le Egipte.’ ” Ale Mose gblɔ na Aron be, “Tsɔ ze aɖe, eye nàdzidze mana lita ɖeka akɔ ɖe eme. Ekema, nàtsɔe ɖo Yehowa ŋkume be woadzrae ɖo hena dzidzime siwo ava dzɔ.” Aron wɔ esia abe ale si Yehowa bia tso Mose si ene. Emegbe la, Aron tsɔe da ɖe nubablaɖaka la ŋgɔ le agbadɔ la me be wòanɔ dedie le afi ma. Ale Israelviwo ɖu “mana” ƒe blaene va se ɖe esime woɖo Kanaanyigba ƒe liƒo dzi, afi si agblemenukuwo nɔ woaɖu. (Dzidzenu si wotsɔna dzidzea mana la anɔ abe lita eve ene.) Tsi do tso agakpe me Azɔ la, le Yehowa ƒe gbeɖeɖe nu la, Israelviwo dzo le Sin gbegbe la. Wonɔ tɔtɔm ɖe teƒeteƒewo va se ɖe esime woɖo Refidim. Ke esi woɖo afi ma la, tsi aɖeke menɔ anyi o! Esia ta Israelviwo he nya ɖe Mose ŋu be, “Na tsi mi!” Mose blu ɖe wo ta be, “Mizi ɖoɖoe! Ɖe miele didim be yewoado Yehowa ƒe dzigbɔɖi na mi akpɔa?” Ke le tsikɔwuame la ƒe sesẽ ta la, dukɔ la lĩ Mose ŋu gblɔ be, “Nu ka tututue na nèkplɔ mí dzoe le Egipte? Nu ka ta nèkplɔ mí va afi sia be míaku kple mía viwo kple míaƒe lãwo?” Mose ɖe kuku na Yehowa be, “Nu ka mawɔ? Wole klalo be yewoaƒu kpem.” Yehowa ɖo eŋu na Mose be, “Dze ŋgɔ na dukɔ la, kplɔ Israel ƒe ametsitsi aɖewo ɖe asi. Tsɔ atikplɔ si netsɔ ƒo Nil tɔsisi la ɖe asi, eye nàyi. Mado go wò le agakpe la gbɔ le Horeb. Ƒo agakpe la kple wò atikplɔ si nètsɔ ƒo Nil tɔsisi lae. Tsi ado bababa, asu na ame sia ame.” Mose wɔ abe ale si Mawu gblɔ nɛ ene le Israel ƒe ametsitsiawo ƒe ŋkume. Mose na ŋkɔ teƒe la be Masa si gɔmee nye “Míete Yehowa kpɔ be wòawu mí.” Woyɔnɛ hã be Meriba si gɔmee nye “Nyahehe” kple “Dzrewɔwɔ,” elabena afi mae Israelviwo he nya ɖe Yehowa ŋu le, eye wotee kpɔ be wòawu yewo esi wogblɔ be, “Ɖe Yehowa le mía dzi kpɔ ge loo alo agblẽ mí ɖia?” Israelviwo ɖu Amalekitɔwo dzi Azɔ la, Amalekitɔwo ho aʋa ɖe Israelviwo ŋu le Refidim. Mose gblɔ na Yosua be wòana Israelviwo nadzra ɖo, akpe aʋa kple Amalekitɔwo. Mose gblɔ nɛ be, “Etsɔ la, matsi tsitre ɖe togbɛ la dzi. Mawu ƒe atikplɔ anɔ asinye!” Ale Yosua kple eƒe amewo yi be yewoawɔ aʋa kple Amalekitɔwo ƒe aʋakɔ le esime Mose, Aron kple Hur woyi to la dzi. Ne Mose kɔ atikplɔ la ɖe dzi ko la, Israelviwo ɖua futɔwo dzi. Ke ne eɖiɖi abɔ be yeadzudzɔ sẽe ko la, Amalekitɔwo ɖua Israelviwo dzi. Abɔwo va ku ɖe Mose ŋu ale gbegbe be, magate ŋu alé atikplɔ la ɖe dzi azɔ o. Ale Aron kple Hur womli kpe aɖe vɛ, eye Mose nɔ edzi. Ame ɖeka nɔ Mose ƒe miame, eye evelia nɔ eƒe ɖusime. Wolé Mose ƒe abɔwo do ɖe dzi va se ɖe esime ɣe ɖo to. Le esia ta Yosua kple eƒe aʋakɔ la ɖu Amalekitɔwo ƒe aʋakɔ dzi kple yi. Yehowa gblɔ na Mose be, “Ŋlɔe da ɖi, wòanɔ anyi ɖaa, woaɖo ŋku edzi tegbetegbe, eye nàɖe gbeƒã na Yosua be matutu Amalekitɔwo ƒe ŋkɔ ɖa keŋkeŋ.” Mose tu vɔsamlekpui aɖe ɖe afi ma, eye wòna ŋkɔe be “Yehowa Nisi” si gɔmee nye “Yehowae nye nye aflaga.” Mose gblɔ be, “Elabena wodo aflaga ɖe dzi le Yehowa ƒe fiazi la ŋgɔ, Yehowa anɔ aʋa wɔm kple Amalekitɔwo tso dzidzime yi dzidzime.” Yetro va kpɔ Mose ɖa Yetro, si nye Mose to, ame si nye Midian nunɔla la, se nu tso nukunu siwo Mawu wɔ na eƒe dukɔ Israel kple Mose kple ale si Yehowa ɖe wo tso Egipte la ŋuti. Esia ta Yetro kplɔ Mose srɔ̃ Zipora yi nɛ, elabena Mose ɖo srɔ̃a ɖe fofoa gbɔ. Ekplɔ Mose ƒe viŋutsu eveawo hã yii. Via ŋutsuvi Gersom ƒe ŋkɔ gɔmee nye, “Amedzro,” elabena esi wodzii la, Mose gblɔ be, “Menɔ tsaglalã tsam le dzronyigba dzi.” Via ŋutsuvi evelia, Eliezer, ƒe ŋkɔ gɔmee nye, “Mawue nye nye xɔnametɔ,” elabena esi wodzii la, Mose gblɔ be, “Fofonyewo ƒe Mawue nye nye xɔnametɔ, eye wòɖem tso Farao ƒe yi nu.” Yetro, Mose to kple Mose ƒe viŋutsuwo kple srɔ̃a wova Mose gbɔ le gbegbe, afi si woƒu asaɖa anyi ɖo, le Mawu ƒe to la gbɔ. Yetro dɔ ame ɖo ɖe Mose gbɔ be woagblɔ nɛ be, “Nye towò, Yetro kple srɔ̃wò kple viwò ŋutsu eveawo míegbɔna gbɔwò.” Mose yi ɖakpe toa, eye wòxɔe dzidzɔtɔe. Wobia wo nɔewo ƒe agbe ta, eye woyi ɖe Mose ƒe agbadɔ me hena nya aɖewo ŋu bubu. Mose gblɔ nu siwo katã dzɔ kple nu siwo Yehowa wɔ Farao kple Egiptetɔwo, ale be yeate ŋu aɖe Israelviwo, nukpekeame siwo nɔ mɔ me na Israelviwo kple ale si Yehowa ɖe wo tso wo katã me la na toa. Yetro kpɔ dzidzɔ ŋutɔ le nu sia nu si Yehowa wɔ na Israelviwo kple ale si wòkplɔ wo dzoe le Egipte la ŋuti. Yetro si nye Mose to la gblɔ be, “Mikafu Yehowa, elabena eɖe mi tso Egiptetɔwo kple Farao ƒe asi me, eye wòɖe Israel. Menya azɔ be Yehowa tri akɔ wu mawu bubu ɖe sia ɖe, elabena eɖe eƒe amewo tso Egiptetɔwo, ame siwo nye dadalawo kple ame vɔ̃ɖiwo la ƒe asi me.” Yetro sa numevɔsa kple akpedavɔsawo na Mawu. Emegbe la, Aron kple Israelviwo ƒe ametsitsiwo va do gbe na Yetro, eye wo katã woɖu vɔsalã la le Mawu ŋkume. Ʋɔnudrɔ̃lawo tiatia Esi ŋu ke la, Mose nɔ anyi abe ale si wòwɔna ɣe sia ɣi ene, tso ŋdi va se ɖe fiẽ be yeadrɔ̃ ʋɔnu le ameawo dome. Esi Mose to kpɔ ɣeyiɣi si ʋɔnudɔdrɔ̃ la xɔna nɛ la, egblɔ nɛ be, “Nu ka ta nèle agbagba dzem be ye ɖeka yeawɔ nu siawo katã, le esime amewo le tsitre le afi sia ŋkeke blibo la katã be nàkpe ɖe yewo ŋuti?” Mose ɖo eŋu nɛ be, “Elabena dukɔ la va gbɔnye be woabia Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Ne nya dzɔ ɖe ameawo dome la, wotsɔnɛ vɛ nam, medrɔ̃nɛ na wo, eye megblɔa Mawu ƒe sewo kple ɖoɖowo na wo.” Mose to, Yetro gblɔ nɛ be, “Nu si wɔm nèle la menyo o. Èle ɖeɖiteameŋu kple dɔléle he ge ava ɖokuiwò dzi. Ne eva eme alea ɖe, nu kae wò amewo awɔ? Mose, dɔ sia sẽ akpa be nàvu ɖe eŋu be ye ɖeka yeawɔ. Ɖo tom, ne maɖo aɖaŋu na wò, eye Mawu anɔ kpli wò, Ànɔ dukɔ la teƒe le Mawu ŋkume, eye nàtsɔ woƒe nyawo ɖo eƒe ŋkume. Fia Mawu ƒe seawo kple ɖoɖoawo wo, eye nàfia ale si woanɔ agbee kple woƒe dɔdeasiwo wo. “Di ame zazɛ̃ aɖewo, ame siwo vɔ̃a Mawu, ame siwo gblɔa nyateƒe eye wotsri zãnuxɔxɔ. Tia wo, eye nàɖo wo ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe ameawo dzi. Ame aɖewo ɖe ame akpe nu, Ame aɖewo ɖe ame alafa nu, Ame aɖewo ɖe ame blaatɔ̃ nu eye Ame aɖewo ɖe ame ewo nu. Na ame siawo nadrɔ̃ nya kukluiwo na ameawo ɣe sia ɣi. Nya veviwo kple nya sesẽwo koe woatsɔ va gbɔwòe. Ne èto mɔ sia dzi la, nuwo abɔbɔ na wò, elabena àma nyadɔdrɔ̃ ƒe agba kple nyadrɔ̃lawo. Ne èzɔ ɖe aɖaŋu sia dzi, eye Mawu lɔ̃ la, àte ŋu anɔ te ɖe dɔ sesẽ sia nu, eye tomefafa kple nusɔsɔ anɔ asaɖa la me.” Mose xɔ toa ƒe aɖaŋu, eye wòzɔ ɖe eƒe nyawo nu. Etia ame zazɛ̃wo le Israelviwo katã dome. Ena wozu ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe ameawo dzi. Ame aɖewo adrɔ̃ ʋɔnu na ame akpewo, bubuwo na alafawo, bubuwo na blaatɔ̃wo kple ewowo. Wonɔa anyi ɣe sia ɣi na nyadɔdrɔ̃. Wotsɔa nya sesẽwo vaa Mose gbɔ, ke wodrɔ̃a nya kukluiwo le wo ɖokuiwo si. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Mose na toa trɔ yi wo de. Le Sinai to la gbɔ Le Israelviwo ƒe dzodzo le Egipte ƒe ɣleti etɔ̃ megbe la, wova ɖo Sinai gbedzi. Esi woho tso Refidim la, wova ɖo Sinai gbegbe la, eye Israel ƒu asaɖa anyi ɖe afi ma le to la te. Mose lia to la yi Mawu gbɔ, eye Yehowa yɔe tso to la dzi gblɔ nɛ be, “Gblɔ na Yakob ƒomeawo, eye ale nàɖe gbeƒãe na Israelviwoe nye esi, ‘Miawo ŋutɔ miekpɔ nu si mewɔ Egiptetɔwo kple ale si mekplɔ mi va ɖokuinye gbɔ abe ɖe metsɔ mi ɖe hɔ̃ ƒe aʋalãwo dzi ene. Azɔ la, ne miaɖo tom, eye miawɔ nye nubabla dzi la, mianye nye ame tiatiawo le xexemedukɔwo katã dome, elabena tɔnyee nye xexea me katã. Gawu la, mianye nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe kple dukɔ kɔkɔe aɖe nam.’ Nya siawo nàgblɔ na Israelviwo.” Esi Mose trɔ gbɔ tso to la dzi la, eyɔ kplɔlawo ƒo ƒu, eye wògblɔ nya si Yehowa gblɔ nɛ la na wo. Wo katã wolɔ̃ ɖe edzi kple gbe ɖeka be, “Míawɔ nu sia nu si wòadi tso mía si be míawɔ.” Mose gblɔ nya si ameawo gblɔ la na Yehowa. Yehowa gblɔ na Mose be, “Mele gbɔwò va ge le lilikpo dodo aɖe me, ale be ameawo ŋutɔ nate ŋu ase nye gbe ne mele nu ƒom na wò, ekema woaxɔ dziwò ase ɣe sia ɣi.” Eye Mose gblɔ dukɔ la ƒe nyawo na Yehowa. Eye Yehowa gblɔ na Mose be, “Yi dukɔ la gbɔ, eye nàkpɔ be ameawo le klalo na nye vava. Kɔ wo ŋuti egbe kple etsɔ, eye nàna woanya woƒe awuwo. Ekema ŋkeke etɔ̃a gbe la, maɖi tso Sinai to la dzi le ame sia ame ŋkume. Ɖo liƒo siwo ŋu ameawo magbɔ o la na wo. Gblɔ na wo be, ‘Mikpɔ nyuie be mialia to la alo aka asi eŋu gɔ̃ hã o. Ame sia ame si da le se sia dzi la dze na ku. Ame aɖeke maka asi sedzidala sia ŋu o, ke boŋ woaƒu kpee alo woatee kple da wòaku. Woawɔ amegbetɔwo kple lãwo siaa nenema.’ Migate ɖe toa ŋu kura o va se ɖe esime miase lãdzokpẽ aɖe ƒe ɖiɖi zi ɖeka sesĩe. Ekema miaƒo ƒu ɖe to la te!” Ale Mose ɖi tso to la dzi va ameawo gbɔ. Ekɔ wo ŋuti, eye wonya woƒe awuwo. Mose gblɔ na wo be, “Midzra ɖo na Mawu ƒe vava le ŋkeke eve megbe. Migadɔ kple nyɔnu aɖeke o.” Mawu ɖe eɖokui fia Mose le Sinai to la dzi Le ŋkeke etɔ̃lia ƒe ŋdi la, dzi de asi gbeɖeɖe kple dzokeke me ŋɔdzitɔe. Lilikpo dodo gã aɖe va dze ɖe to la dzi. Kpẽ aɖe ɖi sesĩe ɣeyiɣi didi aɖe abe lãdzokpẽ ene, eye ame sia ame dzo nyanyanya kple vɔvɔ̃. Mose kplɔ wo tso woƒe agbadɔwo me be woado go Mawu; ena wotsi tsitre ɖe to la te. Dzudzɔ tsyɔ Sinai to blibo la dzi, elabena Yehowa ɖi ɖe edzi le dzo ƒe nɔnɔme me. Dzudzɔ la yi dzi ʋĩi abe kpodzo gã aɖe ƒe dzudzɔ ene. To blibo la ʋuʋu kpekpekpe. Esi kpẽ la ƒe ɖiɖi ganɔ sesẽm ɖe edzi la, Mose ƒo nu, eye Mawu ɖo eŋu nɛ kple gbe sesẽ aɖe. Yehowa ɖi va Sinai to la tame. Eyɔ Mose be wòava to la dzi, eye Mose lia to la yi egbɔ. Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɖi nàyi ameawo gbɔ, eye nàde se na wo be ame aɖeke mekpɔ mɔ agbɔ liƒoawo dzi o. Mele be woava afi sia, adze agbagba be yewoakpɔm o. Ame si ake atse la aku. Ele na nunɔla siwo ate ɖe Yehowa ŋu gɔ̃ hã be woakɔ wo ɖokuiwo ŋuti; ne menye nenema o la, Yehowa atsrɔ̃ wo.” Mose ɖo nya sia ŋu na Yehowa be, “Ameawo mava Sinai toa dzi o, elabena ède se na wo be womekpɔ mɔ ava o. Ègblɔ nam be maɖo liƒowo ƒo xlã to la, eye mana ameawo nanya be womekpɔ mɔ ada ata liƒoawo o, elabena wotso teƒe si le liƒoawo godo la ɖi na wò.” Ke Yehowa gagblɔ na Mose be, “Ɖi nàyi, eye nàkplɔ Aron ɖe asi vɛ. Mègaɖe mɔ be nunɔlawo kple ameawo nagbɔ liƒoawo dzi be yewoava afi sia o. Ne wotee kpɔ la, matsrɔ̃ wo.” Ale Mose ɖi yi ameawo gbɔ, eye wògblɔ nya si Mawu gblɔ nɛ la na wo. Mawu na Se Ewoawo Israelviwo Eye Mawu gblɔ nya siawo be: “Nyee nye Yehowa, wò Mawu, si ɖe wò tso kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi. “Mawu bubu aɖeke meganɔ asiwò kpe ɖe ŋunye o. Mègawɔ legba aɖeke na ɖokuiwò ɖe nu siwo le dziƒo alo le anyigba dzi alo le atsiaƒu me la ƒe nɔnɔme me o. Mègade ta agu na wo alo asubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋue menye. Mehea to na ame siwo léa fum la ƒe viwo va se ɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi, Ke meɖea nye lɔlɔ̃ fiaa dzidzime akpe nane siwo lɔ̃am, eye wowɔa nye seawo dzi. Mègayɔ Yehowa, wò Mawu la ƒe ŋkɔ dzodzro o, elabena Yehowa magbe tohehe na ame siwo yɔa eƒe ŋkɔ dzodzro la o. Ɖo ŋku Dzudzɔgbe la dzi, eye nàwɔe kɔkɔe. Wɔ wò dɔwo katã le ŋkeke ade me. Ke ŋkeke adrelia nye dzudzɔgbe le Yehowa, wò Mawu la ŋkume. Mele be wò ŋutɔ, viwò ŋutsu alo viwò nyɔnu, wò kluvi alo wò kosi, wò nyi alo wò amedzro gɔ̃ hã nawɔ dɔ aɖeke ƒomevi gbe ma gbe o, elabena le ŋkeke ade mee Yehowa wɔ dziƒo, anyigba, atsiaƒu kple nu siwo katã le wo me, eye wòdzudzɔ le ŋkeke adrelia gbe, eya ta Yehowa yra Dzudzɔgbe la, eye wòwɔe kɔkɔe. Bu fofowò kple dawò be nànɔ agbe didi le anyigba si Yehowa, wò Mawu la ana wò la dzi. Mègawu ame o. Mègawɔ ahasi o. Mègafi fi o. Mègaɖi aʋatsoɖase ɖe hawòvi ŋuti o. Mègabiã ŋu ɖe hawòvi ƒe aƒe, alo srɔ̃a alo eƒe dɔlaŋutsu alo dɔlanyɔnu alo eƒe nyiwo alo eƒe tedziwo loo alo nu sia nu si nye etɔ la ƒe ɖeke ŋu o.” Ameawo katã kpɔ dzikedzo kple dzudzɔ si nɔ tutum le to la me. Wose dziɖegbe la kple kpẽkuku didi dziŋɔ la. Wotsi tsitre ɖe adzɔge henɔ dzodzom nyanyanya kple vɔvɔ̃. Wogblɔ na Mose be, “Wò boŋ gblɔ nya si Mawu le gbɔgblɔm la na mí, eye míawɔ edzi. Ke mègana Mawu ŋutɔ naƒo nu na mí o; ne menye nenema o la, ava wu mí.” Mose gblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o, elabena Mawu va le nɔnɔme sia me be yeaɖe yeƒe ŋusẽ dziŋɔ la afia mi, ale be tso azɔ dzi yina la, miagawɔ nu vɔ̃ o.” Le esime ameawo le tsitre ɖe adzɔge la, Mose ge ɖe blukɔ si me Mawu nɔ la me. Vɔsamlekpuiwo ɖiɖi Yehowa gblɔ nya siawo na Mose be, “Gblɔ na Israelviwo be, ‘Miawo ŋutɔ miekpɔe be meɖe nye lɔlɔ̃nu fia mi tso dziƒo. Miɖo ŋku edzi be miekpɔ mɔ awɔ legba aɖeke kple klosalo alo sika alo kple nu bubu aɖeke asubɔ o! “ ‘Mitsɔ anyi ɖi vɔsamlekpuiwo nam. Miwɔ miaƒe numevɔsawo kple akpedavɔsawo kple alẽwo kple nyiwo le wo dzi nam. Miɖi vɔsamlekpuiwo ɖe teƒe siwo mafia mi la ko, eye mava yra mi le teƒe mawo. Miate ŋu aɖi vɔsamlekpuiwo kple kpewo hã, gake miwɔ kpe siwo womekpa alo fu o la ko ŋu dɔ. Migakpa kpeawo kple dɔwɔnu aɖeke o, elabena ne miekpa wo la, womagadze be woawɔ wo ŋu dɔ hena vɔsamlekpuiɖiɖi nam o. Mègawɔ atrakpuiwo ɖe vɔsamlekpui la ŋu o. Ne èwɔ wo, eye nèlia wo la, ame aɖe ate ŋu awu mo dzi, eye wòakpɔ wò amame to wò awu ʋlaya la te.’ Se le Hebri kluviwo ŋuti “Se bubu siwo dzi miawɔ la woe nye: “Ne Hebri ŋutsu aɖe nyi fe le asiwò, mete ŋu xee o, eye wòto esia me zu wò kluvi la, ekema ele be wòasubɔ wò ƒe ade ko. Magaxe fe aɖeke o, ke boŋ azu ablɔɖeme le ƒe adrelia me. “Ne ezu wò kluvi hafi va ɖe srɔ̃ la, ekema eya ɖeka koe azu ablɔɖeme. Ke ne eɖe srɔ̃ hafi va zu wò kluvi la, ekema eya ŋutɔ kple srɔ̃a siaa azu ablɔɖemewo le ŋkeke ɖeka ma dzi. Ke ne aƒetɔ aɖe ɖe srɔ̃ na eƒe kluvi, eye wodzi viŋutsuwo kple vinyɔnuwo la, ekema srɔ̃nyɔnu la kple wo viwo aganye aƒetɔ la tɔ, le esime kluvi la ya azu ablɔɖeme. “Ke ne kluvi la ɖe gbeƒã be, ‘Melɔ̃ nye aƒetɔ, srɔ̃nye kple vinyewo, eya ta nyemedi be mazu ablɔɖeme o’ la, ekema ele be aƒetɔ la nakplɔe va ʋɔnudrɔ̃lawo ŋkume, aŋɔ to nɛ kple nuŋɔnui le amewo ŋkume, ekema azu kluvi azɔ tegbetegbe. “Ne fofo aɖe dzra via nyɔnu wòzu kosi la, mazu ablɔɖeme le ƒe ade megbe abe ŋutsuwo ene o. Ne kosi la ƒe nu meganyo eƒe aƒetɔ ŋu o la, ekema aƒetɔ la ate ŋu ana ame bubu naƒlee. Ke aƒetɔ la mekpɔ mɔ adzra kosi la na dukɔ bubu me tɔwo o, elabena eda vo ɖe kosi la ŋu le esime megadi be wòaganye ye srɔ̃ o ta. Ne aƒetɔ la na eya ŋutɔ Via ŋutsu ɖe Hebri kosi aɖe la, ekema magabu nyɔnu la abe kosi ene o, ke boŋ alé be nɛ azɔ abe eya ŋutɔ via nyɔnu ene. Ne aƒetɔ la ŋutɔ ɖe kosi la, eye wògaɖe nyɔnu bubu kpe ɖe eŋu la, mele be wòaɖe kosi la ƒe nuɖuɖu alo nutata dzi akpɔtɔ loo alo agbe egbɔdɔdɔ abe srɔ̃a ene o. Ne ŋutsu la gbe nu etɔ̃ siawo dometɔ ɖeka wɔwɔ la, ekema kosi la kpɔ mɔ adzo, eye maxe fe aɖeke o.” Se le amewuwu ŋuti “Ne ame aɖe ƒo ame aɖe sesĩe ale gbegbe be wòku la, ekema ele be woawui. Ke ne amea meɖo be yeawu ame o, gake Mawu ɖe mɔ wòva eme la, ekema mafia teƒe aɖe wòasi ayi, eye wòakpɔ sitsoƒe. Gake ne ame aɖe dze nɔvia dzi kple tameɖoɖo be yeawui la, ekema ne ele nye vɔsamlekpui ŋgɔ gɔ̃ hã la, ele be miahee ado goe, awui. “Ele be woawu ame sia ame si aƒo fofoa alo dadaa. “Ne ame aɖe fi ame la, ele be woawui ne wokpɔ ame si wòfi la le egbɔ loo alo ne edzrae abe kluvi ene xoxo. “Ele be woawu ame sia ame si ado vlo dadaa alo fofoa alo aƒo fi ade wo dometɔ aɖe. Se le nuveviwɔwɔ ame ŋuti “Ne ame eve le avu wɔm, eye ɖeka ƒu kpe nɔvia alo tu kɔe, eye wòwɔ nuvevii wòle be wòatsi aba dzi, gake meku o, ne egate ŋu zɔ emegbe kple atizɔti gɔ̃ hã la, womahe to aɖeke na ame si ƒoe la o, ɖeko woana wòaxe fe ɖe ɣeyiɣi si wògblẽ la ta va se ɖe esime eƒe lãme nasẽ nyuie; ele be wòaxe eƒe dɔdaƒe hã. “Ne ame aɖe ƒo eƒe kluvi alo kosivi wòku ɖe eƒe asi me la, woahe to nɛ kokoko. Ke ne kluvi la alo kosivi la meku le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe o la, ekema mele be woahe to aɖeke na aƒetɔ la o, elabena eya ŋutɔ tɔe nye kluvi la alo kosi la. “Ne ŋutsu eve le avu wɔm, eye le avu la wɔwɔ me la, avuwɔla ɖeka wɔ nuvevi funɔ aɖe, eye fua gblẽ nɛ, gake meku o la, ekema woana ŋutsu la naxe fe sia fe si funɔ la srɔ̃ abla nɛ, eye ʋɔnudrɔ̃lawo alɔ̃ ɖe edzi nɛ. Ke ne nuveviwɔame aɖe ana funɔ la naku la, woawu ame si wɔ nuvevi lae. “Ŋku ɖe ŋku teƒe, aɖu ɖe aɖu teƒe, asi ɖe asi teƒe, afɔ ɖe afɔ teƒe, dzobi ɖe dzobi teƒe, abi ɖe abi teƒe, kabi ɖe kabi teƒe. “Ne ame aɖe ƒo ŋku na eƒe kluvi alo kosi, eye ŋku la tsi la, ekema kluvi la alo kosi la azu ablɔɖeme le eƒe ŋku la ta. Ne aƒetɔ aɖe ŋe aɖu na eƒe kluvi la, ele be wòaɖe asi le kluvi la ŋu le eƒe aɖu si ŋe la ta. “Ne nyi aɖe tu dzo ŋutsu aɖe alo nyɔnu aɖe wòku la, woaƒu kpe nyi la wòaku; womaɖu eƒe lã o, eye womabia nya aɖeke ame si ƒe nyi wònye o. Ke ne amewo nya be nyi la nɔa dzo tum ame, eye wona nyanya nyitɔ la, gake mekpɔ nyi la dzi nyuie o la, ekema ne nyi la wu ame aɖe la, woaƒu kpe nyi la wòaku, eye woawu nyitɔ la hã. Ke ne ƒometɔwo lɔ̃ la, woaxe fe si dzi ʋɔnudrɔ̃lawo alɔ̃ ɖo, ekema womagawu nyitɔ la o. “Woazɔ ɖe se sia ke dzi ne nyi aɖe wu ŋutsuvi alo nyɔnuvi. Ke ne nyi la wu kluvi alo kosivi la, ekema woaxe klosalo blaetɔ̃ na kluvi la alo kosi la ƒe aƒetɔ, eye woaƒu kpe nyi la wòaku. “Ne ame aɖe ɖe vudo, metu nu enu o, eye ame aɖe ƒe nyi alo tedzi ge ɖe eme la, ekema ame si ƒe vudo wònye la axe fe na nyitɔ ɖe lã la ta, eye lã kuku la azu vudotɔ tɔ. “Ne ame aɖe ƒe nyitsu tu dzo ame bubu ƒe nyitsu wòku la, ekema nyitɔ eveawo adzra nyi gbagbe la, ama ga la, eye woama nyi kuku la hã ƒe lã sɔsɔe. Ke ne amewo nya be nyi la tua dzo nyi bubuwo, eye wona nyitɔ la nya, gake mekpɔ nyi la dzi nyuie o la, ekema nyitɔ la maxɔ ga si wokpɔ tso nyi gbagbe la dzadzra me ƒe ɖeke o, ke boŋ axe fe ɖe nyi kuku la ta, eye wòazu etɔ.” “Ne ame aɖe fi nyi alo alẽ, eye wòwui alo dzrae la, ele be fiafitɔ la natsɔ nyi atɔ̃ aɖo nyi ɖeka si wòfi la teƒe, eye wòatsɔ alẽ ene aɖo alẽ ɖeka teƒe. Se le amehavi ƒe nugbegblẽ ŋuti “Ne wolé fiafitɔ aɖe wònɔ gegem ɖe ame aɖe ƒe aƒe me be yeafi fi le zã me, eye wowui la, amewula la medze agɔ o. Ke ne nya sia dzɔ le ŋkeke me la, ekema woatsɔe abe amewuwu ene, eye ame si wui la dze agɔ. “Ne wolé fiafitɔ aɖe la, ele be wòaɖo nu si wòfi la teƒe pɛpɛpɛ. Ne mete ŋui o la, ekema ele be woadzrae wòazu kluvi ɖe fe la nu. “Ne wolée wòle nyi, tedzi, alẽ alo nu bubu aɖe fim la, ele be wòaxe nu si fim wòle la ƒe home teƒe eve. “Ne ame aɖe nya hafi ɖe asi le eƒe lã aɖe ŋu wòge ɖe ame bubu ƒe waingble me alo wòna wòyi ame bubu ƒe lãwo ƒe gbeɖuƒe la, ele be wòatsɔ eƒe agblemenuku nyuitɔwo aɖo nu siwo eƒe lã la gblẽ la teƒe wòasɔ gbɔ ade nugbegblẽ la nu. “Ne ame aɖe tɔ dzo gbe le eƒe anyigba dzi, eye dzo la yi ɖabi agblemenuku siwo woxa da ɖi loo alo esiwo womexa haɖe o le ame bubu ƒe agble me la, ele be ame si tɔ dzo gbea la naxe fe ɖe nu siwo katã dzo la gblẽ la ta. “Ne ame aɖe tsɔ ga alo adzɔnuwo na ame aɖe be wòadzra ɖo na ye eye wofi wo la, ne wolé fiafitɔ la la, ele be wòaxe nu si wòfi la ƒe home teƒe eve. Ke ne womenya fiafitɔ la o la, ekema woakplɔ ame si si wotsɔ ga la alo adzɔnuawo dee la ayi Mawu ŋkume be Mawu naɖee afia nenye eya ŋutɔe fi nɔvia ƒe nuawo loo alo menye eyae o. “Le go ɖe sia ɖe si me ne nyi, tedzi, alẽ, awu, avɔ alo nu bubu aɖe bu, eye nutɔ xɔe se be yekpɔe le ame bubu aɖe si eye amea sẽ nu la, ame eve siawo ado ɖe Mawu ŋkume be Mawu natso nya me. Ame si Mawu bu fɔe la axe nu bubu la ƒe fe teƒe eve na ame evelia. “Ne ame aɖe tsɔ tedzi, nyi, alẽ alo lã bubu aɖe na nɔvia be wòakpɔ edzi na ye, eye lã la ku, alo nuvevi wɔe alo wòsi, eye ame aɖeke menya nu si tututue wɔe, eye woate ŋu aɖi ɖase le eŋu o la, ekema lã la dzi kpɔla aka atam na Yehowa be menye yee fii o. Ele na nutɔ la be wòaxɔ atamkaka sia, eye teƒeɖoɖo aɖeke manɔ anyi o. Ke nenye ɖe wofi lã la alo nua la, ekema ele be dzikpɔla la naɖo eteƒe na nutɔ. Nenye lã wɔadã aɖee wui la, ekema ele be dzikpɔla la natsɔ lã la ƒe kukua vɛ abe ɖaseɖiɖi kple kpeɖodzi ene. Ekema teƒeɖoɖo aɖeke mahiã o. “Ne ame aɖe ɣe nɔvia ƒe lã alo nu bubu aɖe, eye nuvevi wɔ lã la alo wòku la, ne nutɔ menɔ afi ma ɣe ma ɣi o la, ekema ele be ame si ɣee la naxe fe ɖe eta. Ke ne nutɔ le teƒea la, womaxe fe aɖeke nɛ o. Nenye be ɖe wòɣe lã la be yeanɔ fe xem ɖe eta la, ekema mele be wòaxe fe bubu aɖeke na nutɔ o, elabena wobu lã la ƒe ku kple nuvevi si ate ŋu awɔe la ŋu hafi ƒo asi la. Se le nu siwo dze be woawɔ la ŋuti “Ne ŋutsu aɖe dɔ nyɔnuvi aɖe si ŋugbe womedo na ŋutsu aɖeke o gbɔ la, ele be ŋutsu la natsɔ tabianuwo na edzilawo, eye wòaɖe nyɔnuvi la. Ke ne nyɔnuvi la fofo gbe gbidigbidi be ye vi maɖe ŋutsu la o hã la, ele be ŋutsu la nana tabianuawo kokoko. “Ele be woawu nyɔnu si nye nukala la. “Ele be woawu ŋutsu si dɔ lã aɖe gbɔ la kokoko. “Ele be woawu ame sia ame si sa vɔ na mawu, si menye Yehowa o la godoo. “Mele be miate amedzro aɖeke ɖe to le go aɖeke me o; miɖo ŋku edzi be miawo hã mienye amedzrowo kpɔ le Egiptenyigba dzi. “Mele be miaba ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo o. Ne mieba wo le mɔ aɖe nu, eye wodo ɣli bia nye kpekpeɖeŋu la, makpe ɖe wo ŋu godoo. Ekema mado dɔmedzoe ɖe mia ŋu, eye mana futɔwo ƒe aʋakɔwo nawu mi ale be mia srɔ̃wo nazu ahosiwo, eye mia viwo nazu tsyɔ̃eviwo. “Ne nɔviwò Hebritɔ aɖe le xaxa me, eye nèdo ga nɛ la, mele be nàxɔ deme le esi abe ale si nàxɔ le ame bubu si ene o. Ne èxɔ eƒe avɔ abe awɔbanu ene la, ele be nàgbugbɔe nɛ le fiẽ me, elabena ɖewohĩ avɔ ma koe nye vuvɔxenu le esi. Aleke wòate ŋu adɔ alɔ̃e ne avɔ la mele esi o? Ne mètrɔ avɔ la nɛ o, eye wòdo ɣli bia nye xɔname la, masee, eye mave enu, elabena amenuvelae menye. “Mègado vlo wò Mawu o eye mègaƒo fi de wò dukɔ ƒe kplɔlawo o. “Ele be nàtsɔ wò agblemenukuwo kple wò wain ƒe ewolia nam. “Nàƒle wò viŋutsuvi ŋgɔgbetɔ ta. Mègahe nu siawo wɔwɔ ɖe megbe o. “Na wò nyiwo kple alẽwo ƒe ŋgɔgbeviwo nanɔ wo dadawo gbɔ ŋkeke adre, eye nàtsɔ wo nam le ŋkeke enyilia gbe. “Esi miele kɔkɔe, eye mienye nye dukɔ tɔxɛ ta la, migaɖu lã aɖeke si lã wɔadã aɖe wu o. Migblẽ lã sia ƒe kukua ɖi na avuwo woaɖu.” Se le dzɔdzɔenyenye kple nublanuikpɔkpɔ ŋu “Mègakaka aʋatsonyawo o, eye mègaɖu aʋatsoɖasefo na ame vɔ̃ɖi o. “Mègadze amehawo yome le nu vɔ̃ wɔwɔ me o, eye ne woyɔ wò ɖasefoe le nya aɖe me la, mègatrɔ nyateƒe la ƒe ta tu be ne yeadze amehawo ŋu o, eye mègaɖe ami ɖe nya la be ne wò ɖaseɖiɖi la nade ame aɖe dzi le eƒe amedahenyenye ta o. “Ne èkpɔ wò futɔ aɖe ƒe nyi alo tedzi si tra mɔ la, ele be nàkplɔe ayi na nutɔ. Ne agba te wo futɔ ƒe tedzi ɖe to, eye nèkpɔ wò futɔ wòle agbagba dzem be yeado alɔ tedzi la wòatsi tsitre la, mele be nàtso eme adzo o, ke boŋ ele be nàkpe ɖe eŋu. “Mègana ame aɖeke ƒe ahedada nana nàtrɔ eƒe nya dzɔdzɔe wòazu nya gbegblẽ o. “Mègada alakpa ɖe ame aɖeke si be ewɔ vɔ̃ o. Mègana woawu ame maɖifɔ gbeɖe o. Nyemalɔ̃ ɖe nuwɔna vɔ̃ɖi sia dzi o. “Mègaxɔ zãnu o, elabena zãnuxɔxɔ nana be màdze si nu si le dzedzem gãa o. Zãnuxɔxɔ gblẽa nu le ame si ƒe nya dzɔ la ŋuti. “Mègate amedzrowo ɖe to o, wò ŋutɔ ènya nu si amedzronyenye nye. Ɖo ŋku wò nuteƒekpɔkpɔwo le Egipte dzi. Se le Sabat ŋu “Miƒã nu, eye miaŋe nu ƒe ade, ke migblẽ anyigba la ɖi wòadzudzɔ le ƒe adrelia me. Mina ame dahe siwo le mia dome la naxa nuku siwo mieɖe le miaƒe agble dzi le wo ɖokuiwo si, eye migblẽ nuku siwo susɔ la ɖi na lãwo woaɖu. Se sia ke ku ɖe miaƒe waingblewo kple amitivewo hã ŋu. “Miwɔ dɔ ŋkeke ade ko, eye miadzudzɔ le ŋkeke adrelia dzi. Miwɔ alea ale be miana dzudzɔ miaƒe nyiwo kple tedziwo kple miaƒe aƒemetɔwo, kluviwo kple amedzrowo siaa. “Mikpɔ egbɔ be miewɔ se siawo katã dzi. Miɖo ŋku edzi, migayɔ mawu bubu aɖeke ƒe ŋkɔ le gbedodoɖa alo atamkaka me o.” Ƒe sia ƒe ƒe ŋkekenyui etɔ̃awo “Mawusubɔsubɔ ƒe ŋkekenyui etɔ̃e li wòle be miaɖu ƒe sia ƒe. “Gbãtɔe nye Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui. Migaɖu abolo si wowɔ kple amɔ ʋaʋã o ŋkeke adre abe ale si mede se na mi kpɔ ene. Ŋkekenyui sia ɖuɖu anɔ edzi ƒe sia ƒe le Tedoxe si nye ɣleti si me miedzo le Egipte. “Ame sia ame asa vɔ nam le ɣeyiɣi sia me. “Eveliae nye Nuŋeŋeŋkekenyui. Ele be miatsɔ miaƒe agblemenuku gbãtɔwo vɛ nam. “Etɔ̃liae nye Ƒuƒoƒo Nukuwo ƒe Ŋkekenyui si miaɖu le nuŋeɣi ƒe nuwuwu. “Le ŋkekenyui etɔ̃ siawo katã ɖuɣiwo, le ƒe sia ƒe me la, ele be Israel ŋutsu ɖe sia ɖe nado ɖe Yehowa ŋkume. “Megakpe nye vɔsalãwo ƒe ʋu ɖe abolo si woƒo kple amɔ ʋaʋã la ŋu o. “Megana vɔsalã aɖeke ƒe ami natsi anyi ŋu nake ɖe edzi o. “Ne èxa wò agblemenukuwo la, ele be nàtsɔ wò ŋkeke gbãtɔ ƒe nuku nyuitɔwo ƒe ɖe va Yehowa, wò Mawu ƒe aƒe me. “Mègaɖa gbɔ̃vi le dadaa ƒe notsi me o. Mawudɔla la nadzra mɔa dzi ɖo “Kpɔ ɖa, mele Mawudɔla aɖe dɔm ɖe ŋgɔwò be wòakplɔ wò dedie ayi anyigba si medzra ɖo ɖi na wò la dzi. Vɔ̃e, eye nàwɔ eƒe ɖoɖowo katã dzi. Mègadze aglã ɖe eŋu o, elabena matsɔ wò nu vɔ̃wo ake wò o. Eyae nye nye teƒenɔla, eye nye ŋkɔ le eŋu. Ke ne èɖɔ ŋu ɖo, ɖo toe, eye nèwɔ nye Sewo katã dzi la, ekema manye futɔ na wò futɔwo, elabena nye Dɔla adze ŋgɔ na wò, akplɔ wò ayi Amoritɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo, Kanaantɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo ƒe anyigba dzi be mianɔ afi ma. Matsrɔ̃ dukɔ siawo ɖa le ŋgɔwò. “Mègasubɔ dukɔ bubu siawo ƒe mawu alo asa vɔ na wo le mɔ aɖeke nu o, eye mègadze trɔ̃subɔdukɔ siawo ƒe kpɔɖeŋu vɔ̃ɖiwo yome o. Ele na wò be nàɖu wo dzi, eye nàgbã woƒe legbawo. “Subɔ Yehowa, wò Mawu la ɖeɖe ko, ekema mayra wò kple nuɖuɖu kple tsi, eye maɖe dɔléle ɖa le mia dome. Fu mage le nyɔnuwo ƒo o, kotsitsi manɔ anyigba blibo la dzi o, eye ànɔ agbe ŋkeke ale si meɖo na wò. “Mana vɔvɔ̃ si le ŋunye la nalé dukɔ siwo katã ƒe anyigba ŋu miaho aʋa ɖo, woasi le mia ŋgɔ. Maɖo nudzodzoe teamewo ɖa woanya Hivitɔwo, Kanaantɔwo kple Hititɔwo ɖa le ŋgɔwò. Nyemawɔ esiawo katã le ƒe ɖeka me o. Ne menye nenema o la, anyigba la ava zu gbedadaƒo, eye lã wɔadãwo ava sɔ gbɔ akpa. Ke manɔ wo nyam ɖa vivivi va se ɖe esime wò amewo adzi axɔ anyigba blibo la dzi. “Mana wò anyigba ƒe liƒowo natso Ƒu Dzĩ la nu ayi Filistitɔwo ƒe ƒu la nu, eye wòagatso gbegbe siwo le anyigbeme va se ɖe Frat tɔsisi la nu. Mana nàɖu ame siwo katã le anyigba la dzi fifia la dzi, eye mana woasi le ŋgɔwò. “Mègawɔ nubabla aɖeke kpli wo loo alo nàna kadodo aɖeke nanɔ wò kple woƒe mawuwo dome o. Mègana woanɔ mia dome o, elabena menya be woana miadze woƒe mawuwo subɔsubɔ ƒe nu vɔ̃ me; esia anye mɔtetre na mi, eye wòahe dzɔgbevɔ̃e gã va mia dzi.” Woɖo kpe nubabla la dzi Azɔ la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Kplɔ Aron, Nadab kple Abihu kple Israel ƒe ametsitsi blaadre, eye mialia to la. Ame mamlɛawo anɔ adzɔge, eye woasubɔm. Wò, Mose, koe ate ɖe ŋunye. Ɖo ŋku edzi be Israelvi bubuawo mekpɔ mɔ alia to la kura o.” Mose ɖe gbeƒã se kple ɖoɖo siwo katã Yehowa de asi nɛ la na dukɔ la. Ameawo katã ɖo eŋu kple gbe ɖeka be, “Míawɔ seawo katã dzi.” Mose ŋlɔ Yehowa ƒe seawo katã da ɖi. Esi ŋu ke ŋdi kanya la, etu vɔsamlekpui aɖe ɖe to la te, eye wòɖo dzesidekpe wuieve ƒo xlã vɔsamlekpui la, elabena to wuievee wɔ Israel dukɔ la. Le esia megbe la, eɖo Israelvi ɖekakpui aɖewo ɖa be woasa numevɔsa eye woatsɔ nyitsuwo awɔ akpedavɔsa na Yehowa. Mose kɔ vɔsalã siawo ƒe ʋu ƒe afã ɖe zewo me, eye wòhlẽ afã mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la ŋu. Mose tsɔ agbalẽ si me nublanyawo le eye wòxlẽe na ameawo, eye ameawo gagblɔ be, “Míawɔ nu sia nu si Yehowa gblɔ na mi la, eye míalé eme ɖe asi.” Mose ku lãwo ƒe ʋu tso zeawo me hlẽ ɖe ameawo dome hegblɔ be, “Ʋu sia ɖo kpe nubabla si Yehowa wɔ kpli mí to Se siawo nana mí me la dzi, eye wòtre nubabla la nu.” Le esia megbe la, Mose, Aron, Nadab, Abihu kple Israel ƒe ametsitsi blaadreawo lia to la. Wokpɔ Israel ƒe Mawu la. Teƒe si wòtsi tsitre ɖo la dze abe safirkpe keklẽ siwo me kɔ abe dziŋgɔli me la ene. Togbɔ be Israel ƒe ametsitsiwo kpɔ Mawu hã la, metsrɔ̃ wo o. Emegbe la, woɖu nu kple wo nɔewo le eŋkume. Eye Yehowa gblɔ na Mose be, “Va gbɔnye le to la dzi, eye nànɔ afi ma va se ɖe esime matsɔ Se siwo meŋlɔ ɖe kpewo dzi la ana wò, ale be nàte ŋu akpɔ wo dzi, afia seawo dukɔ la.” Ale Mose kple eƒe kpeɖeŋutɔ, Yosua lia Mawu ƒe to la. Mose gblɔ na ametsitsiawo be, “Minɔ afi sia, eye mialala mí va se ɖe esime míatrɔ agbɔ. Ne nya sesẽ aɖe ado ta ɖa la, ekema mitsɔ nya la ɖo Aron kple Hur ŋkume.” Mose lia to la, eye wòbu ɖe lilikpowo me le to la tame. Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dze ɖe Sinai to la dzi, eye lilikpo la tsyɔ to la dzi ŋkeke ade. Le ŋkeke adrelia gbe la, Yehowa yɔ Mose tso lilikpo la me. Israelvi siwo nɔ to la te la kpɔ nu dziŋɔ sia teƒe. Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dze na wo le toa tame abe dzo bibi ene. Mose bu ɖe lilikpo si tsyɔ to la tame la me, eye wònɔ afi ma ŋkeke blaene kple zã blaene. Nudzɔdzɔ hena agbadɔ la tutu Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Israelviwo be ame sia ame si alɔ̃ la, natsɔ nunana siawo dometɔ aɖewo vɛ nam. “Sika, klosalo, akɔbli, avɔ si nye blɔtɔ, avɔ dzĩ, aklala, gbɔ̃fuwo, agbogbalẽ si wode ama dzĩ, gbɔ̃gbalẽ, akasiati, ami na akaɖiwo, amiʋeʋĩ hena amisisi kple numeme ʋeʋĩ, onikskpe siwo woatsɔ aɖo kɔmewu kple akɔtaɖonu ŋu, elabena medi be Israelviwo natu nɔƒe kɔkɔe aɖe nam, afi si manɔ le wo dome. “Nye nɔƒe sia anye agbadɔ. Mafia ale si nàtui kple nu siwo nàtsɔ aɖo atsyɔ̃ nɛ la wò. Nubablaɖaka la “Tsɔ akasiati nàkpa aɖaka wòadidi sentimita alafa ɖeka kple ewo, wòakeke sentimita blaade-vɔ-ade, eye wòakɔ sentimita blaade-vɔ-ade. Fa sika nyuitɔ ɖe eme kple egodo siaa, eye nàtsɔ sika nyuitɔ ke amli ɖe aɖaka la togawo kpe ɖo. Wɔ sikagagɔdɔ̃e ene siwo anɔ abe asigɛ ene, eye nàklã wo ɖe dzogoe ene siwo le ete la ŋu; sikagagɔ̃dɔ̃e eve nanɔ aɖaka la ƒe axa ɖe sia ɖe. Tsɔ akasiati kpa kpo didiwo, eye nàfa sika nyuitɔ ɖe wo ŋu. Tsɔ wo ƒo ɖe asigɛ eve siwo le aɖaka la ƒe axa ɖeka dzi la me hena aɖaka la tsɔtsɔ. Womaɖe ati siawo le sikasigɛawo me o, ke boŋ woanɔ wo me ɖaa. Ekema nàtsɔ nubabla si matsɔ na wò la ade aɖaka la me. Tsɔ sika nyuitɔ wɔ nublanuikpɔkpɔzikpui si adidi sentimita alafa ɖeka kple ewo, eye wòakeke sentimita blaadre-vɔ-ade. Tsɔ sika wɔ kerubi eve, eye nàklã wo ɖe nutunu la ƒe didime ƒe nuwo. Wɔ kerubi ɖeka kple amenuvevezikpui la, eye ɖeka anɔ nutunu la ƒe didime ƒe nu ɖeka. Kerubiawo adze ŋgɔ wo nɔewo, eye woanɔ amenuvevezikpui la gbɔ kpɔm. Woakeke woƒe aʋalãwo ɖe sikanutunu la dzi. Tsɔ nutunu la tu aɖaka la nu, eye nàtsɔ kpe siwo dzi woŋlɔ seawo ɖo siwo matsɔ na wò la de aɖaka la me. Mado go wò le afi ma, aƒo nu kpli wò le amenuvevezikpui la tame, le kerubi eve siwo le nubablaɖaka tame la dome, eye matsɔ nubablakpe siwo dzi meŋlɔ nye sededewo na Israelviwo ɖo la na wò. Kplɔ̃ la “Emegbe la, nàtsɔ akasiati akpa kplɔ̃ wòadidi sentimita blaenyi-vɔ-enyi, akeke sentimita blaene-vɔ-ene, eye wòakɔ sentimita blaade-vɔ-ade. Fa sika nyuitɔ ɖe edzi, eye nàfa sika ɖe eto. Tsɔ akasiati si keke milimita blaadre-vɔ-atɔ̃ la ɖo kplɔ̃ la to kpe ɖo, eye nàtsɔ sika afa ɖe akasiati la to. Wɔ sikasigɛ ene na kplɔ̃ la, eye nàklã wo ɖe kplɔ̃ la ƒe axa eneawo dzi, woate ɖe afɔti eneawo ŋu. Asigɛawo nate ɖe kplɔ̃ la ƒe to lɔƒo be woatsɔ atiwo ade asigɛawo me hena kplɔ̃ la kɔkɔ. Tsɔ akasiati wɔ kplɔ̃kɔtiawo, eye nàfa sika ɖe wo ŋu. Wɔ sikagbawo, sikagatsiwo, nutɔgbawo, goewo kple trewo, nu siwo ŋu dɔ wowɔna le kplɔ̃a dzi, eye nàtsɔ Ŋkumeɖobolo tɔxɛ ada ɖe kplɔ̃ la dzi le nye ŋkume ɣe sia ɣi. Akaɖiti la “Tsɔ sika nyuitɔ wɔ akaɖiti lae. Na akaɖiti blibo la nanye nu ɖeka; ele be woatu akaɖiti la ƒe afɔwo, eƒe titinati diditɔ, akaɖiawo kple seƒoƒoawo nanye nu blibo ɖeka. “Alɔ ade nanɔ akaɖiti la ƒe axawo dzi, etɔ̃ nanɔ akaɖiti la ƒe axawo kple eve dzi. Kplu etɔ̃ siwo wowɔ abe yevuzi ƒe seƒoƒo siwo do, eye woke ene la nanɔ alɔdze ɖeka ŋu, etɔ̃ nanɔ alɔdze bubu ŋu. Nenema ke wòanɔ na alɔdze adeawo siwo katã le akaɖiti la kɔgo ŋu. Kplu ene siwo wowɔ abe yevuzi ƒe seƒoƒo si do, eye wòke ene la nanɔ akaɖiti la dzi. Seƒoƒo ɖeka kple eƒe tamekuku nanɔ alɔdze eve ƒe kpeƒe; ɖeka nanɔ alɔdze eve siwo kplɔ gbãtɔ ɖo la ƒe kpeƒe, eye ɖeka hã nanɔ etɔ̃lia ƒe kpeƒe, ale be alɔdzeawo nanye ade. Ele be woawɔ atsyɔ̃ɖonuawo kple alɔdzeawo kple titinati didi la siaa kple sika nyuitɔ woanye nu blibo ɖeka. Le esia megbe la, wɔ akaɖi adre na akaɖiti la, eye nàna woaklẽ ɖe ŋgɔ. Tsɔ sika nyuitɔ wɔ ɖovulãnuwo, eye nàtsɔ eya ke awɔ agba vi siwo me woada wo ɖo la. Sika nyuitɔ si ŋu dɔ woawɔ na akaɖiti la kple eŋunuwo la ƒe kpekpeme nade kilogram blaetɔ̃ vɔ atɔ̃. “Kpɔ egbɔ be nu sia nu sɔ ɖe nu si mele fiawòm le toa dzi la dzi tututu.” Agbadɔ la “Tsɔ avɔ ewo siwo wolɔ̃ kple ka nyuiwo, aɖabɛka blɔtɔ kple dzĩtɔ kple ka dzĩ la wɔ agbadɔ la, eye nàlɔ̃ Kerubiwo aɖaŋutɔe ɖe eme. Avɔ ɖe sia ɖe nadidi mita wuieve, eye wòakeke mita eve. Woatɔ avɔ atɔ̃, didime ɖe didime nu woazu avɔ ɖeka na agbadɔ la ƒe axa ɖeka. Woawɔ nenema ke kple avɔ atɔ̃ bubuawo hã. Tɔ aɖabɛka blɔtɔ kpuikpuikpui blaatɔ̃ ɖe xɔgbãvɔ ɖe sia ɖe ƒe axa ɖeka ƒe didime, na be gbãtɔ ƒe kawo nasɔ ɖe evelia tɔwo nu. Tɔ ka kpuikpuikpui blaatɔ̃ ɖe avɔ la ƒe go eve me, eye ka siwo le avɔwo me la nasɔ ɖe wo nɔewo dzi le go eveawo me. Tsɔ sika tu gavi blaatɔ̃ nàtsɔ ku avɔ eveawo ƒe nuwo ƒo ƒui ale be agbadɔ la, si nye Mawu ƒe nɔƒe la, nazu nu blibo ɖeka. “Tsɔ avɔ titri siwo wolɔ̃ kple gbɔ̃fu la ƒe teƒe wuiɖekɛ gbã agbadɔ la. Avɔ wuiɖekɛawo katã nasɔ; ɖe sia ɖe nadidi mita wuietɔ̃, eye wòakeke mita eve. Tɔ gbɔ̃fuvɔ atɔ̃ woazu avɔ keke ɖeka, eye nàgatɔ ade mamlɛawo hã woazu avɔ keke ɖeka. Ŋlɔ gbɔ̃fuvɔ adelia ɖe akpa eve le agbadɔ la ŋgɔ. Tɔ avɔ kpuikpuikpui blaatɔ̃ ɖe to na agbadɔ la ƒe axa ɖeka, eye nàgawɔe nenema ke ɖe axa evelia to le akpa kemɛ. Tu gavi blaatɔ̃ kple akɔbliga, eye nàtsɔ wo de ka kpuiwo me ate avɔawo akpe be avɔ keke eveawo nazu avɔ keke gã ɖeka. Ke hena avɔ si le agbadɔ la megbe la, woatsɔ avɔ afã si susɔ la atsi ɖe agbadɔ la megbe. Agbadɔwɔvɔ la nadidi mita eve le axa eveawo dzi, akpa mamlɛa naxe agbadɔ la ƒe axawo dzi be woaxe teƒeawo. Tsɔ agbogbalẽ siwo woɖa kple ama dzĩ la tsyɔ gbɔ̃fuvɔawo dzi, eye nàgatsɔ gbɔ̃gbalẽwo atsyɔ alẽgbalẽawo dzi. “Tsɔ akasiati wɔ agbadɔ la ƒe ʋuƒowo, axadzitiwo kple daɖedziwo. Ʋuƒo siwo woatu anyi la nadidi mita ene, eye woakeke sentimita blaade-vɔ-ade. Ɖe do ɖe atiawo ƒe nugbɔwo ale be woate ŋu atɔ ati eve ɖe wo nɔewo nu nyuie. Ʋuƒo blaeve nanɔ agbadɔ la ƒe dziehe lɔƒo. Woatsɔ klosalo awɔ afɔti blaene ɖe atiawo te: afɔti eve nanɔ ati ɖe sia ɖe te. Sɔti blaeve nanɔ agbadɔ la ƒe anyiehe gome hã. Zɔ blaene siwo wotu kple klosaloga la nanɔ sɔtiawo te, eve nanɔ ɖe sia ɖe te. Sɔti ade nanɔ agbadɔ la ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo. Afi siae nye agbadɔ la megbe, eye sɔti eve nanɔ dzogoe ɖe sia ɖe dzi. Woatsɔ sikasigɛwo alé sɔtiawo kple dzogoedzitɔwo siaa ɖekae le eƒe dzigbe kple anyigbe siaa. Ale sɔti enyi nanɔ agbadɔ la ƒe akpa ma lɔƒo: klosalofɔti wuiade nanɔ wo te. Ale klosalofɔti eve nanɔ ʋuƒo ɖe sia ɖe te. “Dze akasiati tsɔ ɖo sɔtiawo ŋu. Atɔ̃ nanɔ agbadɔ la ƒe axa ɖeka dzi; gameti atɔ̃ hã na sɔti siwo le agbadɔ la ƒe akpa evelia kple gameti atɔ̃ na ʋuƒo siwo le ɣetoɖoƒe lɔƒo le agbadɔ la ƒe ŋgɔgbe ɖaa. Na daɖedzi titinatɔwo nade nu wo nɔewo me aƒo xlã agbadɔ blibo la. Fa sika ɖe ʋuƒoawo ŋu nàtsɔ sika awɔ gaviwo be woalé ʋuƒoawo, eye nàfa sika ɖe daɖedziawo hã ŋuti. Tu agbadɔ la ɖe nɔnɔme si mefia wò le to la dzi la nu pɛpɛpɛ. “Tsɔ avɔ si wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka kple ka dzĩ kple ɖetika ɣi la wɔ xɔmetsovɔ, eye nàna aɖaŋudɔwɔla nyuitɔ nalɔ̃ Kerubiwo ɖe eme. Tsi xɔmetsovɔ sia ɖe sɔti ene siwo ŋu wofa sika ɖo la ŋu, ɖe sikagatagbadzɛ ene ŋu. Na sɔti ɖe sia ɖe nanɔ afɔti ene siwo wowɔ kple klosalo la dzi. Tsi xɔmetsovɔ la ɖe sikagatagbadzɛ eneawo ŋu. Tsɔ Aɖaka si me kpe siwo dzi woŋlɔ Mawu ƒe seawo ɖo la da ɖe xɔmetsovɔ sia megbe. Xɔmetsovɔ la ama Kɔkɔeƒe la ɖa tso Kɔkɔeƒe Ƒe Kɔkɔeƒe la gbɔ. “Azɔ la, tsɔ amenuveve ƒe nutsyɔnu si nye Aɖaka la ƒe sikanutunu la da ɖe Kɔkɔeƒe Ƒe Kɔkɔeƒe la. Tsɔ kplɔ̃ la da ɖe xɔmetsovɔ la godo le agbadɔ la ƒe anyiehe gome, eye akaɖiti la nadze ŋgɔe le dziehe gome. “Tsɔ avɔ si wolɔ̃ aɖaŋutɔe kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖetika ɣi la wɔ xɔmemɔnuvɔ na agbadɔ kɔkɔe la. Tsi xɔmemɔnuvɔ sia ɖe akasiati la ƒe sɔti atɔ̃ siwo ŋu wofa sika ɖo la ŋu, eye nàtsɔ akɔbli awɔ zɔ atɔ̃ ɖe wo te.” Vɔsamlekpui la “Tsɔ akasiati nàkpa vɔsamlekpui lae. Eƒe ta ƒe kekeme kple didime siaa nanye mita ɖeka kple desimita eve, eye wòakɔ mita ɖeka kple desimita etɔ̃. Wɔ lãdzowo ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzogoe eneawo dzi, woalé sesĩe ɖe vɔsamlekpui la ŋu. Fa akɔbli ɖe nu sia nu ŋu. Tsɔ akɔbli wɔ vɔsamlekpui la ŋunuwo, afilɔnuwo, sofiwo, gagbɛwo, gafluwo kple dzoɖesonuwo. Tsɔ akɔbli wɔ lãyiga, eye nàwɔ akɔblisigɛ ɖe dzogoe eneawo ŋu. Klã lãyiga la ɖe mlekpui la titina, eye nàna wòanɔ teƒe si wodoa dzo ɖo la tame. Tsɔ akasiati kpa kpo didiwo, eye nàfa akɔbli ɖe wo ŋu hena vɔsamlekpui la kɔkɔ. Na woatsɔ ati didiawo aƒo ɖe asigɛawo me le vɔsamlekpui la ƒe axawo dzi hena vɔsamlekpui la kɔkɔ. Tsɔ ʋuƒo wɔ vɔsamlekpui la, do nanɔ eme abe ale si meɖee fia wò le to la dzi ene pɛpɛpɛ.” Xɔxɔnu la “Tɔ kpɔ ɖe agbadɔ la ŋu. Agbadɔ la ƒe dziehe gome nadidi mita blaene-vɔ-ene. Tsɔ avɔ si wolɔ̃ kple ɖeti ɣi dada la tɔ kpɔ siae, eye nàtu kpɔti blaeve siwo ƒe afɔtiwo woatu kple akɔbliga, eye woatsɔ klosaloga atu gatagbadzɛ siwo woatsɔ avɔawo akui la ɖe kpɔtiawo ŋu. Woawɔ avɔ la nenema ke le anyiehe gome hã. Woaku avɔ mita blaene-vɔ-ene ɖe klosalogatagbadzɛawo ŋu, ɖe gakawo ŋu le kpɔtiawo ŋu. Ɣetoɖoƒe gome nadidi mita blaeve-vɔ-eve. Kpɔti ewo siwo te afɔti ewo le la nanɔ afi ma. Ɣedzeƒe gome afi si ɣe dzena tsona hã nadidi mita blaeve-vɔ-eve. Avɔ si didi mita ade kple afã la nanɔ akpa ɖeka na mɔnu la. Woatsi avɔ la ɖe kpɔti etɔ̃ siwo te afɔti etɔ̃ le la ŋu. Avɔ didime ma tɔgbi ke nanɔ agbadɔ la ƒe akpa evelia, eye woatsi eya hã ɖe kpɔti etɔ̃ siwo te afɔti etɔ̃ le la ŋu. “Avɔ si keke mita asiekɛ la, nanɔ kpɔtɔtɔ la ƒe mɔnu. Avɔ la nanye esi avɔlɔ̃la la lɔ̃ kple ka blɔtɔ, dzĩtɔ kple hẽtɔ, eye woatsii ɖe kpɔti ene siwo te afɔti le ɖekaɖeka la ŋu. Woatsɔ klosalogatagbadzɛwo aklã klosalogakawo ɖe kpɔti siwo katã wotsɔ tɔ kpɔ lae la ŋu be woalé kpɔtiawo ɖekae. Akɔblifɔ sesẽwo nanɔ kpɔtiawo te ɖekaɖekae. Ale kpɔtɔtɔ la nadidi mita blaene-vɔ-ene, akeke mita blaeve-vɔ-eve. Kpɔtɔtɔ la ƒe avɔ akɔ abe mita eve ene, eye woalɔ̃e kple ɖeti nyuitɔwo. Akaɖimemi la “Na woatsɔ akɔbli awɔ nu sia nu si woatsɔ ga awɔe le agbadɔ la ŋu: woatsɔ akɔbli awɔ gatagbadzɛawo kple tsyotiawo hã. “Gblɔ na Israelviwo be woana amiti ƒe ami nyuitɔ wò nàde akaɖiawo me le agbadɔ la me, ale be akaɖiawo nanɔ bibim ɣe sia ɣi. Ele be Aron kple viawo nakɔ akaɖi sia, si womana wòatsi akpɔ o la ada ɖe agbadɔ la me, le xɔmetsovɔ, si xe nublaɖaka ŋkume la ŋgɔ. Woana wòanɔ bibim zã kple keli le Yehowa ŋkume. Esia nye se mavɔ na Israelviwo tso dzidzime yi dzidzime. Nunɔlawo ƒe awuwo “Na woakplɔ nɔviwò ŋutsu Aron vɛ na wò tso Israelviwo dome kpe ɖe via ŋutsuwo Nadab, Abihu, Eleaza kple Itamar ŋu ale be woawɔ dɔ nam abe nunɔlawo ene. Tɔ awu kɔkɔewo na nɔviwò ŋutsu Aron be woade kɔkɔ kple bubu eŋu. Gblɔ na aɖaŋudɔwɔla siwo katã mena nunya le nya siawo tɔgbi me la be woatɔ awuwo na Aron hena eɖoɖo nunɔlae, ale be wòate ŋu awɔ nunɔlawo ƒe dɔ nam. Awu siwo woatɔ la woe nye: akɔtaɖonu, dziwui ʋlaya si ŋu abɔ mele o, eye wòdidi tso abɔta va se ɖe klo te, dziwui, tablanu kple alidziblanu. Woatɔ awu kɔkɔewo na Aron kple via ŋutsuwo be woawɔ nunɔlawo ƒe dɔ nam. Kɔmewu la “Na woatsɔ sika, aɖabɛka blɔtɔ, dzĩtɔ kple hɛ̃tɔ kple ɖetika ɣitɔ alɔ̃ awu siawoe. “Aɖaŋuvɔlɔ̃la xɔŋkɔwo natsɔ sika, aɖabɛka blɔtɔ, dzĩtɔ kple hẽtɔ kple kadada nyuitɔ alɔ̃ kɔmewu lae. Woatɔe awu evee: ŋgɔgbetɔ kple megbetɔ, eye woakpe wo ɖe abɔta. Woatsɔ avɔ ma tɔgbi ke, aɖabɛka blɔtɔ kple dzĩtɔ kple hẽtɔ kple kadada nyuitɔ ƒe avɔ awɔ alidziblanu la hãe. Emegbe tsɔ onikskpe eve, eye nàŋlɔ Israelviwo ƒe towo ƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi. Ŋkɔ ade nanɔ kpe ɖeka dzi, eye woaɖo ŋkɔawo ɖe woƒe tsitsi nu. Tsɔ ŋkɔsigɛ̃wɔnu ŋlɔ Israel ƒe vi wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe kpe eveawo dzi. Wɔe abe ale si kpe xɔasi nuŋlɔla ŋlɔa nui ɖe ŋkɔsigɛ dzi la ene. Emegbe, nàtsɔ sika afa ɖe towo na kpeawo. Tsɔ kpe eveawo eye tɔ wo ɖe kɔmewu la ƒe abɔtawo hena ŋkuɖoɖo Israelviwo dzi. Na Aron nakpla woƒe ŋkɔwo ɖe abɔta le Yehowa ŋkume abe ŋkuɖodzi ene. Na woatsɔ sika nyuitɔ awɔ sikakawo kple sikakɔsɔkɔsɔ eve siwo adidi abe ka ene, eye woatsɔ wo aku sikasigɛ siwo le kɔmewu la ƒe abɔtawo. Akɔtaɖonu la “Na aɖaŋuvɔlɔ̃lawo nawɔ akɔtaɖonu si anye nyametsonu; nenɔ abe kɔmewu la tɔgbi ene, eye woawɔe kple sikaka blɔtɔ, ka dzĩ kple ka hẽ kple kadada ɣi. Wɔe ɖe dzogoe ene me, eƒe didime nanye sentimita blaeve-vɔ-eve, eye eƒe kekeme hã nanɔ nenema. Emegbe woaŋee ɖe eve. Tsɔ kpe xɔasiwo ɖo agbaka ene me ɖe eŋu. Kanelian, krisolit kple beril nanɔ fli gbãtɔ me; tɔkuɔs lapis lazuli kple emerald nanɔ fli evelia me. Yasint, agate kple ametist nanɔ fli etɔ̃lia me. Topaz, oniks kple yaspa nanɔ fli enelia me. Tsɔ sika gbi kae fa ɖe wo ŋuti. Kpeawo katã nanɔ wuieve, ɖe sia ɖe ɖe Israel ƒe viŋutsuwo ƒe ŋkɔ nu. Woaɖe Israelviwo ƒe to wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe kpeawo dzi ɖekaɖeka abe ŋkɔsigɛ ene. Tsɔ ka si wotsɔ sika nyuitɔ gbie la ɖo akɔtawu la ŋu. Wɔ sikagagodo eve nɛ, eye nàtsɔ wo asa ɖe akɔtaɖonu la ƒe dzogoe eve dzi. Tsɔ sikakɔsɔkɔsɔ eve sa ɖe gagodo siwo le akɔtaɖonu la ƒe dzogoe eveawo ŋu la ŋu. Na woatɔ sikakɔsɔkɔsɔawo ƒe nu eveliawo ɖe onikskpe eveawo ŋu le akɔtawu la ƒe ŋgɔgbe. Emegbe la, gawɔ sikasigɛ bubu eve, eye nàtsɔ wo aku akɔtawu la te le eme gome. Gawɔ sikasigɛ bubu eve na dziwui ʋlaya la te le eŋgɔ, le alidziblanu la ŋu. Azɔ la, tɔ ka blɔtɔwo ɖe akɔtawu la te, eye nàtsɔ kawo atsi ɖe sikasigɛ siwo le dziwui ʋlaya la te la ŋu. Esia ana be akɔtawu la nalé ɖe dziwui la ŋu. Ale Aron atsɔ Israelviwo ƒe towo ƒe ŋkɔ siwo le akɔtawu la dzi aɖo eƒe dzi gbɔ abe Mawu ƒe nyametsonu ene, ne eyi Teƒe Kɔkɔe la. Nu sia anɔ ŋku ɖom Israelviwo dzi na Yehowa edziedzi.” Nunɔlawo ƒe awu bubuwo Tsɔ Urim kple Tumim siwo nye kpe siwo wotsɔna biaa nu Mawu la de akɔtawu la ƒe kotoku me be woanɔ Aron ƒe dzi dzi ne edo ɖe Yehowa ŋkume. Ale Aron atsɔ Israelviwo ƒe nyametsonu la ɖe eƒe dzi dzi ne edo ɖe Yehowa ŋkume. “Tsɔ avɔ blɔtɔ tɔ awu ʋlaya si le kɔmewu la te, eye woaɖe teƒe si Aron ƒe ta nato la ɖi. Woatɔ avɔ aƒo xlã teƒe sia, abe ale si wowɔna na akpoxɔnuwo ene, ale be mavuvu o. Woatsɔ aɖabɛka blɔtɔ kple dzĩtɔ kple ka dzĩ alɔ̃ yevuboɖawo ɖe awu ʋlaya la to le awu la te eye sikanyawowoewo nanɔ yevuboɖawo dome. Yevuboɖawo kple sikanyawowoeawo naɖɔli wo nɔewo ale be sikanyawowoe ɖeka nanɔ yevuboɖa ɖeka yome. Na Aron nado dziwui ʋlaya la ɣe sia ɣi si wòayi be yeawɔ subɔsubɔdɔ na Yehowa, eye sikanyawowoeawo nanɔ ɖiɖim kliŋkliŋkliŋ le Yehowa ŋkume le Kɔkɔeƒe la kple ne edzo le eŋkume ale be maku o. “Hekpe ɖe esia ŋu la, tsɔ sika nyuitɔ wɔ ganuvi kɔkɔe si anɔ tablanu la ƒe ŋgonu, eye nàŋlɔ nu ɖe edzi be, wokɔ eŋuti na Yehowa, abe ale si nàŋlɔ nu ɖe nutrenu la dzi ene. Woatsɔ ka blɔtɔ atsi sikanu sia ɖe tablanu la ƒe ŋgonu. Ale wòanɔ Aron ƒe ŋgonu, eye Aron atsɔ vodada siwo anɔ Israelviwo ƒe nunanawo ŋu la aƒu akɔ. Ele be wòakplae ɣe sia ɣi si wòado ɖe Yehowa ŋkume ale be, Mawu nakpɔ ŋudzedze le nunanawo ŋu, eye wòatsɔ nu vɔ̃wo ake. “Na woalɔ̃ Aron ƒe dziwui ʋlaya la kple ɖeti ɣi, eye woana wòanɔ ŋɔŋɔe. Woatsɔ avɔ ma ke alɔ̃ tablanu la hã, eye woalɔ̃ nu ɖe alidziblanu la hã me. “Wɔ awu ʋlayawo, alidziblanuwo kple tablanuwo na Aron ƒe viŋutsuwo be woade bubu wo ŋu. Do awu siawo na Aron ƒe viŋutsuawo. Si ami ɖe ta na wo, eye nàto esia me akɔ wo ŋu, aɖo wo nunɔlawo be woasubɔm. Tsɔ ɖeti ɣi lɔ̃ avɔ si woatsɔ atɔ atakpui na wo woado ɖe awuawo te. Atakpuiawo natso alime va se ɖe klonu. Ele be Aron kple via ŋutsuwo nado awu siawo ɣe sia ɣi si woayi agbadɔ la me alo woayi vɔsamlekpui la gbɔ le Kɔkɔeƒe la. Ne womewɔ nu siawo o la, woaɖi fɔ, eye woaku. Esia nye se matrɔmatrɔ na Aron kple via ŋutsuwo.” Nunɔlawo ŋu kɔkɔ “Wɔ nu siawo hena Aron kple via ŋutsuwo ŋuti kɔkɔ kple wo ɖoɖo nunɔlawoe. Lé nyitsu fɛ̃ ɖeka kple agbo eve siwo ŋu naneke megblẽ le o, eye nàtsɔ abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã, abolo vivi si woblu kple ami kple akpɔnɔ siwo dzi wokɔ ami ɖo. Woatsɔ wɔ memi awɔ aboloawo kple akpɔnɔawo. Tsɔ wo de kusi aɖe me, eye nàtsɔ kusi la, nyi la kple agbo aveawo vɛ. Le tsi na Aron kple via ŋutsuwo le agbadɔ la ƒe mɔnu. Do Aron ƒe dziwui, kɔmewu ʋlaya, kɔmewu la ŋutɔ kple akɔtatsyɔnu la nɛ, tsɔ alidziblanu si wolɔ̃ aɖaŋutɔe la bla ali dzi nɛ, eye nàtsɔ tablanu la kple sikaŋgoblanu kɔkɔe la ɖo ta nɛ. Tsɔ ami kɔkɔe la, eye nàsi ami ɖe ta nɛ. Yɔ via ŋutsuwo vɛ, eye nàtsɔ woƒe dziwuiwo ado na wo. Bla ta na wo kple woƒe tablanuwo, tsɔ alidziblanu tso gae ɖe woƒe akɔta, ahablae ɖe axame na Aron kple via ŋutsuwo, ale be nunɔladɔ nanye wo tɔ tegbee. Aleae nàɖo Aron kple viawo nunɔlawoe. Vɔsamlekpui la ŋu kɔkɔ “Emegbe la, he nyitsu la va agbadɔ la ŋgɔ, eye nàna Aron kple via ŋutsuwo nada asi ɖe nyitsu la ƒe ta dzi. Wui le Yehowa ŋkume le agbadɔ la ƒe mɔnu. Tsɔ wò asibidɛ de eƒe ʋu me, sisi ʋu la ɖe vɔsamlekpui la ƒe lãdzowo ŋu, eye nàkɔ ʋu mamlɛa katã ɖe vɔsamlekpui la te. Emegbe nàɖe ami si le nyitsu la ƒe dɔmenuwo ŋu. Ɖe aklã kple ayiku eveawo kple ami si le wo ŋu, eye nàtɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi. Esia megbe la, nàtɔ dzo lã blibo la kple eƒe ayi kple afɔdzi si le dɔ me nɛ la le asaɖa la godo abe nuvɔ̃ŋutivɔsa ene. “Emegbe la, Aron kple via ŋutsuwo nada asi ɖe agboawo dometɔ ɖeka ƒe ta dzi, eye nàwui. Woaɖe eya hã ƒe ʋu ahlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu kpe ɖo. Fli agbo la, kpala lã la, eƒe dɔmenuwo kple eƒe afɔwo, eye nàtsɔ wo da ɖe eƒe ta kple lãkɔ bubuawo dzi. Tɔ dzo lã blibo la ɖe vɔsamlekpui la dzi. Numevɔsae wònye na Yehowa, eye wòdzea eŋu ŋutɔ. “Azɔ la, he agbo evelia vɛ. Na Aron kple via ŋutsuwo nada asi ɖe eya hã ƒe ta dzi. Wui eye nàɖe ʋu la asi ɖe Aron kple via ŋutsuwo ƒe nuɖusitowo, woƒe degblefetsu ɖusitɔwo kple woƒe nuɖusi ƒe afɔbidɛ gãtɔwo ŋu. Hlẽ ʋu mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la ŋu kpe ɖo. Emegbe la, nàha ʋu la ƒe ɖe le vɔsamlekpui la ŋu, nàtsakae kple amisisi la, eye nàhlẽe ɖe Aron kple via ŋutsuawo ƒe awuwo ŋu. Ekema woawo ŋutɔwo kple woƒe awuwo ŋu akɔ na Yehowa. “Azɔ ɖe agbo la ƒe ami kpe ɖe asike dami la, ami si le eƒe dɔmenuwo ŋu, nàɖe eƒe aklã kple ayiku eveawo kple ami si le wo ŋu kpe ɖe agbo la ƒe ɖusimeta ŋu. (Esiae nye agbo na Aron kple via ŋutsuwo ɖoɖo nunɔlawoe.) Tsɔ nu siawo kpe ɖe abolo bɔbɔe ɖeka kple abolo vivi ɖeka kple akpɔnɔ ɖeka ŋu tso kusi si me abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã si woda ɖe Yehowa ŋkume la me. Tsɔ nu siawo de asi na Aron kple viawo. Na woanye wo le yame abe vɔsa na Yehowa ƒe dzesi ene. Le esia yome la, xɔ nu siawo le wo si, eye nàtɔ dzo wo ɖe vɔsamlekpui la dzi abe numeme si ʋẽna lĩlĩlĩ ɖe Yehowa ene. Ɖe agbo si wòwu hena Aron ɖoɖo nunɔlae la ƒe akɔ. Nyee le yame le Yehowa ŋkume abe vɔsa ƒe dzesi ene. Akɔ sia nazu tɔwò. “Tsɔ agbo si wowu hena Aron kple via ŋutsuwo ŋuti kɔkɔ la ƒe akɔta kple atawo na Aron kple via ŋutsuwo. Ele be Israelviwo nadzɔ woƒe vɔsalãwo ƒe akpa siawo ɣe sia ɣi, nenye ŋutifafavɔsa loo alo akpedavɔsa abe woƒe vɔsa na Yehowa ene. “Ele be woadzra eƒe awu kɔkɔeawo ɖo hena Via ŋutsu si ava xɔ ɖe eteƒe la ŋuti kɔkɔ ne wole eŋuti kɔm tso dzidzime yi dzidzime. Ame sia ame si ava nye nunɔlagã le Aron megbe la ado awu siawo ŋkeke adre hafi ade asi subɔsubɔdɔwo wɔwɔ me le agbadɔ la me kple Kɔkɔeƒe la siaa. “Tsɔ agbo si ŋu dɔ wowɔ le nunɔlawo ɖoɖo me, eye nàɖa eƒe lã le teƒe kɔkɔe aɖe. Na Aron kple via ŋutsuwo naɖu lã la kple abolo si le kusi la me le agbadɔ la ƒe mɔnu. Ale woaɖu nu si wotsɔ ɖe woƒe nu vɔ̃wo ɖae hafi ɖo wo nunɔlawoe hekɔ wo ŋuti. Ame bubu aɖeke mekpɔ mɔ aɖu wo o, elabena nu kɔkɔewo wonye. Nenye be agbo si wotsɔ ɖo wo nunɔlawoe la ƒe lã aɖe susɔ alo abolo la ƒe ɖe susɔ ŋu ke ɖe edzi la, tɔ dzoe. Mele be woaɖui o, elabena ele kɔkɔe. “Ale nàɖo Aron kple via ŋutsuwo nunɔlawo le mɔ sia nu. Wo ɖoɖo nanɔ edzi ŋkeke adre. Ele be nàtsɔ nyitsu ɖeka awɔ nuvɔ̃ŋutivɔsa gbe sia gbe. Emegbe la, nàkɔ vɔsa la ŋu to nu vɔ̃ ɖeɖe ɖa le eŋu me. Kɔ ami ɖe edzi be eŋu nakɔ. Me avulénuwo le vɔsamlekpui la dzi gbe sia gbe ŋkeke adre be nàkɔ vɔsamlekpui la ŋu na Mawu. Le esia megbe la, vɔsamlekpui la azu kɔkɔe, nu sia nu si aka eŋu la hã azu kɔkɔe, eye ame siwo le kɔkɔe la koe aka asi eŋu.” Gbe sia gbe vɔsa “Tsɔ alẽ eve sa vɔe ɖe vɔsamlekpui la dzi gbe sia gbe, ɖeka le ŋdi me, eye evelia le fiẽ me. Tsɔ wɔ memi kilogram ɖeka, ami lita ɖeka kple wain lita ɖeka kpe ɖe alẽ ɖeka ŋu. Tsɔ alẽ evelia kple wɔ memi la kple wain sa vɔe le fiẽ me abe ale si nèwɔ le ŋdi me ene, wòanye vɔsa si ʋẽna lĩlĩlĩ na Yehowa. “Esiae nye numevɔsa si miawo kple miaƒe dzidzimeviwo miawɔ gbe sia gbe na Yehowa le agbadɔ la ƒe mɔnu. Mado go wò le afi ma, eye maƒo nu kpli wò. Mado go Israelviwo le afi ma, eye nye ŋutikɔkɔe akɔ agbadɔ la ŋu. Ɛ̃, makɔ agbadɔ la, vɔsamlekpui la, Aron kple via ŋutsuwo, ame siwo nye subɔlawo kple nunɔlawo la ŋu. Manɔ Israelviwo dome, manye woƒe Mawu, eye woanya be, nyee nye Yehowa, woƒe Mawu la. Mekplɔ wo tso Egipte ale be mate ŋu anɔ wo dome. Nyee nye Yehowa, woƒe Mawu la.” Vɔsamlekpui na dzudzɔdodo “Tsɔ akasiati wɔ vɔsamlekpui aɖe si dzi woado dzudzɔ ʋeʋĩ ɖo. Na eƒe didime kple kekeme siaa nanɔ sentimita blaene-vɔ-atɔ̃, eye wòakɔ sentimita blaasiekɛ. Tsɔ akasiati ke kpa lãdzowo ɖe vɔsamlekpui la ŋu woanye nu ɖeka. Fa sika nyuitɔ ɖe vɔsamlekpui la tame kple eƒe axadziwo kple lãdzoawo ŋu, eye nàgatsɔ sika nyuitɔ aɖo atsyɔ̃ na vɔsamlekpui la ƒe towo katã. Wɔ sikagagɔdɔ̃e eve ɖe atsyɔ̃ɖonu la te, ɖe eƒe axa eveawo, be woatsɔ vɔsamlekpui la kɔtiwo aƒo ɖe wo me. Woawɔ vɔsamlekpui la kɔtiwo kple akasiati, eye woafa sika ɖe wo ŋu. Tsɔ vɔsamlekpui la da ɖe xɔmetsovɔ la ŋgɔ, wòate ɖe amenuveve ƒe nutsyɔnu si nye nubablaɖaka si me Se Ewoawo le la kasa, afi si mado go wò le. “Ŋdi sia ŋdi la, Aron ado dzudzɔ kple atike ʋeʋĩ le vɔsamlekpui la dzi, ne ebɔbɔ akaɖigbɛawo ɖe eme. Fiẽ sia fiẽ la, Aron agado dzudzɔ kple lifi le Yehowa ŋkume, ne esi akaɖiawo. Nu sia ayi edzi tso dzidzime yi dzidzime. Mègawɔ dzudzɔdovɔsa, numevɔsa, nuɖuvɔsa alo nunovɔsa bubu aɖeke si ŋu nyemeɖe mɔ le o. Gadzɔdzɔ hena avuléle “Zi ɖeka le ƒe ɖe sia ɖe me la, Aron awɔ avulévɔsa na eƒe lãdzoawo. Woawɔ ƒe sia ƒe ƒe avulévɔsa kple nu vɔ̃ ƒe avulévɔsalã ƒe ʋu le dzidzimewo katã me. Enye nu kɔkɔetɔ kekeake na Yehowa.” Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɣe sia ɣi si nàxlẽ Israelviwo la, ele be ame sia ame si woaxlẽ la, naxe fe na Yehowa ɖe eƒe agbe ta, ale be dɔvɔ̃ manɔ ameawo dome ne èle wo xlẽm o. Ga si ame sia ame si woxlẽ naxe la nye klosalo gram ade. Ke nu si woaxe la aku ɖe kɔkɔeƒe ga home si woabia tso wo si le ƒe ma me la ŋu. Woadzɔ nu sia na Yehowa. Ame sia ame si wotia, eye wòxɔ ƒe blaeve alo wu nenema la nadzɔ nu na Yehowa. Hotsuitɔwo maxe fe sia wòawu home si meyɔ o, eye ame dahewo hã mana nu wòanɔ sue wu o, elabena vɔsae wònye na Yehowa hena miaƒe nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke. “Wɔ ga sia ŋu dɔ hena agbadɔ la dzadzraɖo. Eyae aɖo ŋku Israelviwo dzi na Yehowa, eye wòanye avulénu ɖe mia ta.” Akɔblitsileze la Eye Yehowa gblɔ na Mose be, “Tsɔ akɔbli wɔ gagbɛ aɖe kple eƒe zɔ hena ŋutikɔklɔ. Tsɔe da ɖe agbadɔ la kple vɔsamlekpui la dome, eye nàkɔ tsi ɖe eme. Na Aron kple via ŋutsuwo naklɔ asi kple afɔ le afi sia, ne woyina agbadɔ la me be woado ɖe Yehowa ŋkume alo hafi woate ɖe vɔsamlekpui la ŋu be woasa vɔ na Yehowa. Ele be woaklɔ asi kple afɔ hafi awɔ nu siawo, ne menye nenema o la, woaku. Esiawoe nye ɖoɖowo na Aron kple via ŋutsuwo tso dzidzime yi dzidzime.” Ami kɔkɔe la Yehowa gblɔ na Mose be, “Ƒo atike ʋeʋĩ nyuitɔwo nu ƒu ale: ‘Mira’ nyuitɔ kilogram ade, ‘sinamon’ kilogram etɔ̃, atike ʋeʋĩ kilogram etɔ̃, ‘akasea’ kilogram ade kple ami lita ene le kɔkɔeƒe la ƒe dzidzenu nu. Yehowa gblɔ na amiʋeʋĩwɔla xɔŋkɔwo be woatsɔ atike siawo awɔ amisisi kɔkɔe lae. Anye dzudzɔdonu kɔkɔe abe ale si amiʋeʋĩwɔla nyuitɔwo wɔnɛ ene.” Yehowa gblɔ be, “Si ami sia na agbadɔ la, nubablaɖaka la, kplɔ̃ la kple eŋunuwo, akaɖiti la kple eŋunuwo, dzudzɔdovɔsamlekpui la, numevɔsamlekpui la kple eŋunuwo kple asiklɔgagbɛ la kple eƒe afɔ. Kɔ wo ŋu woazu kɔkɔe; nu sia nu si aka wo ŋu la azu kɔkɔe na Mawu. “Tsɔe si ami na Aron kple via ŋutsuwo, eye nàkɔ wo ŋu hena subɔsubɔdɔwo wɔwɔ nam abe nunɔlawo ene. Gblɔ na Israelviwo be, ‘Ami sia anye ami kɔkɔe si miasi na amewo ɣe sia ɣi. Womakɔe ɖe ame dzodzro aɖeke dzi o, eye ame aɖeke mawɔ etɔgbi na eɖokui o, elabena ami kɔkɔe wònye, eye ele be ame sia ame nabui ami kɔkɔe. Ele be woaɖe ame sia ame si awɔ etɔgbi alo atsɔe asi na ame aɖe si menye nunɔla o la le ha me.’ ” Dzudzɔdotike Yehowa gblɔ na Mose be, “Tsɔ atike ʋeʋĩwo, lifi lãhe, onitsa, galbanum kple lifi nyuitɔ kpekpeme ma ke na ɖe sia ɖe, eye nàtsɔ wo awɔ dzudzɔdonu abe ale si dzudzɔdonuwɔlawo wɔnɛ ɣe sia ɣi ene pɛpɛpɛ. De dze sue aɖe eme, eye wòanye dzudzɔdonu kɔkɔe si dza. Tu eƒe ɖe memie eye nàtsɔ eƒe ɖe da ɖe nubablaɖaka la ŋgɔ, afi si medoa go wò le, le agbadɔ la me. Dzudzɔdonu sia le kɔkɔe. Migawɔ etɔgbi na mia ɖokuiwo gbeɖegbeɖe o, elabena enye nu kɔkɔe na Yehowa ɖeɖe ko. Ame si awɔ esia tɔgbi be eƒe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ nado dzidzɔ nɛ la, ele be woaɖee ɖa le eƒe dukɔ la dome.” Bezalel kple Oholiab tiatia Yehowa gblɔ na Mose be, “Kpɔ ɖa, metia Bezalel, Uri ƒe viŋutsu kple Hur ƒe tɔgbuiyɔvi tso Yuda ƒe to la me. Mena Mawu ƒe Gbɔgbɔ yɔ eme, eye wòna nunya deto kple ŋutete kple aɖaŋu tɔxɛe hena agbadɔ la tutu kple nu sia nu si le eme la wɔwɔ. Ŋutete blibo le eŋu hena nuwo wɔwɔ kple sika, klosalo kple akɔbli. Enya ale si woatsɔ kpe xɔasiwo awɔ nuwo, eye woatsɔ atiwo akpa nuwoe. Metia Oholiab, Ahisamak ƒe vi tso Dan ƒe to la me be wòanye eƒe kpeɖeŋutɔ. “Gawu la, megatsɔ aɖaŋu tɔxɛwo na ame siwo katã mienya be wonye aɖaŋutɔwo ale be woate ŋu awɔ nu siwo mebe nàwɔ la katã: “agbadɔ la, Nubablaɖaka la kple eƒe nutuvi, kple nu siwo katã le agbadɔ la me, vɔsamlekpui la kple eŋunuwo, sikakaɖiti la kple eŋunuwo, dzudzɔdovɔsamlekpui la, numevɔsamlekpui la kple eŋunuwo, tsileganu la kple eƒe zɔ, Nunɔla Aron ƒe awu nyui kɔkɔewo kple Aron ƒe viŋutsuwo ƒe awuwo, ale be woate ŋu awɔ dɔ nam abe nunɔlawo ene, Teƒe Kɔkɔe la ƒe amisisi la kple dzudzɔdonu ʋeʋĩwo. “Ele be woawɔ nu siawo katã ɖe ale si meɖo na wò la nu.” Dzudzɔgbe la Yehowa yi edzi gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Israelviwo be, ‘Ele be miaɖo ŋku nye Dzudzɔgbe la dzi, elabena Dzudzɔgbe la nye ŋkuɖoɖo nubabla si le nye kple miawo dome la dzi tegbetegbe. Esia awɔe be miaɖo ŋku edzi be nyee nye Yehowa, ame si wɔ mi kɔkɔe.’ “Ele be miadzudzɔ le Dzudzɔgbe la dzi, elabena enye ŋkeke kɔkɔe na mi. Ele be woawu ame sia ame si ada le se sia dzi la, eye woaɖe ame sia ame si awɔ dɔ le ŋkeke sia dzi la ƒe agbe ɖa le etɔwo dome. Ŋkeke ade woawɔ dɔ, ke ŋkeke adrelia nye Dzudzɔgbe; ŋkeke kɔkɔe wònye na Yehowa. Ame sia ame si awɔ dɔ le ŋkeke sia dzi la, ele be woawui. Miwɔ dɔ ŋkeke ade ko, elabena ŋkeke adrelia nye ŋkeke tɔxɛ hena dzudzɔ, eye wòle kɔkɔe na nye Yehowa. Se sia nye nubabla mavɔ, eye wòle be Israelviwo nawɔ edzi. Enye nubabla si le nye kple Israelviwo dome la ƒe dzesi mavɔ, elabena ŋkeke adee nye, Yehowa metsɔ wɔ dziƒo kple anyigba, eye medzudzɔ le ŋkeke adrea gbe.” Esi Yehowa wu eƒe nuƒoƒo kple Mose nu le Sinai to la dzi la, etsɔ kpe eve siwo dzi eya ŋutɔ tsɔ eƒe asibidɛ ŋlɔ Se Ewoawo ɖo la na Mose. Sikanyivi la Esi Mose megbɔ tso to la dzi kaba o ta la, Israelviwo gblɔ na Aron be, “Kpɔ ɖa, wɔ mawu aɖe si akplɔ mí la na mí, elabena Mose, ame si kplɔ mí tso Egipte la, bu ɖe mí. Nane anya wɔe.” Aron ɖo eŋu na wo be, “Miɖe sikatogɛ siwo mia srɔ̃wo, mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo de la eye miatsɔ wo vɛ nam.” Ale wo katã woɖe woƒe sikatogɛwo tsɔ vɛ na Aron. Aron lolõ sika la, eye wòtsɔe wɔ nyivi aɖe ƒe nɔnɔme. Ameawo do ɣli be, “O, Israel, esiae nye mawu si kplɔ wò do goe le Egipte!” Esi Aron kpɔ ale si ameawo kpɔ dzidzɔe le nyivilegba la ŋu la, etu vɔsamlekpui aɖe ɖe nyivilegba la ŋgɔ, eye wòɖe gbeƒã be, “Etsɔ la, míasa vɔ aɖe na Yehowa!” Esi ŋu ke la, wofɔ kaba, eye wode asi numevɔsawo kple ŋutifafavɔsawo wɔwɔ me na nyivilegba la. Emegbe la, wonɔ anyi ɖu nu, eye wono nu nyuie, eye wotsi tsitre, eye woɖu ɣe. Tete Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɖi kaba, elabena wò ame siwo nèkplɔ tso Egipte la dze nu vɔ̃ me, eye woɖe asi le nye seawo katã ŋu enumake. Wowɔ sikanyivilegba aɖe na wo ɖokuiwo. Wole esubɔm, le vɔ sam nɛ, eye wole gbɔgblɔm be, ‘O Israel, esiae nye wò mawu si kplɔ wò tso Egipte.’ ” Yehowa yi edzi be, “Mekpɔ be dukɔ sia me tɔwo nye kɔlialiatɔwo kple aglãdzelawo. Gblẽm ɖi azɔ, eye nye dɔmedzoe nabi ɖe wo ŋu. Matsrɔ̃ wo katã, eye mawɔ wò, Mose nàzu dukɔ gã aɖe ɖe wo teƒe.” Ke Mose ɖe kuku na Yehowa, eƒe Mawu la be megawɔ nenema o. Eɖe kuku be, “Yehowa, nu ka ta nèdo dɔmedzoe helĩhelĩ ale ɖe wò ŋutɔ wò dukɔ si nèkplɔ tso Egiptenyigba dzi kple ŋusẽ gã kple nukunu triakɔ mawo tɔgbi la ŋu? Ɖe nèdi be Egiptetɔwo nagblɔ be, ‘Mawu ble wo be woava toawo dzi ale be yeate ŋu awu wo, atsrɔ̃ wo ɖa le anyigba dzi keŋkeŋ’ mahã? Ɖe asi le wò dɔmedzoe sesẽ la ŋu. Trɔ wò susu, eye mègahe dzɔgbevɔ̃e va wò amewo dzi o. Ɖo ŋku wò ŋutɔ wò ŋugbe si nèdo na wò dɔlawo, Abraham, Isak kple Israel la dzi, elabena ètsɔ wò ŋutɔ wò ŋkɔ ka atam be, ‘Mana miaƒe dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene, eye matsɔ anyigba sia katã si ŋugbe medo la ana miaƒe dzidzimeviwo tegbetegbe.’ ” Ale Yehowa trɔ eƒe tameɖoɖo la, eye wòkpɔ nublanui na wo. Mose ɖi tso to la dzi. Elé kpe eve siwo ƒe akpa eveawo dzi woŋlɔ Se Ewoawo ɖo la ɖe asi. Mawu ŋutɔe kpa kpeawo, eye wòŋlɔ Seawo ɖe kpeawo dzi. Esi Yosua se ɣli si ameawo katã nɔ dodom le toa te la, egblɔ na Mose be, “Ewɔ abe ɖe wole dzadzram ɖo na aʋawɔwɔ ene!” Ke Mose ɖo eŋu be, “Ao, menye dziɖuɣli alo aʋasiɣlie o, ke boŋ hadzidzie.” Mose do dɔmedzoe Esi wote ɖe asaɖa la ŋu la, Mose kpɔ sikanyivilegba la kple ameawo wonɔ ɣe ɖum. Edo dɔmedzoe ale gbegbe be wòtsɔ kpe siwo dzi Mawu ŋlɔ Seawo ɖo la ƒu anyi wogbã le to la te. Etsɔ sikanyivilegba la, eye wòdee dzo me wòlolo. Esi sika la fa la, etui memie wòzu wɔ. Etsɔ wɔ la kɔ ɖe tsi me hena Israelviwo wono. Mose bia Aron be, “Nu ka tututu ameawo wɔ wò be nèhe nu vɔ̃ triakɔ sia va wo dzi?” Aron ɖo eŋu nɛ be, “Nye aƒetɔ, mègado dɔmedzoe helĩhelĩ nenema o. Ènya ame siawo nyuie, eye ènya ameha vɔ̃ɖi si wonye. Woawoe gblɔ nam be, ‘Wɔ mawu aɖe na mí, wòakplɔ mí, elabena nane wɔ Mose, ame si kplɔ mí do goe le Egipte.’ Megblɔ na wo be, ‘Mitsɔ miaƒe sikatogɛwo vɛ.’ Ale wotsɔ wo vɛ. Metsɔ wo de dzo me, eye nyivi siae do go tso eme!” Esi Mose kpɔ be ameawo lé woƒe mɔ tsɔ to Aron ƒe ŋusẽdoame me, eye yewoƒe futɔwo nɔ dzidzɔ kpɔm le nu sia ŋu la, etsi tsitre ɖe asaɖa la ƒe mɔnu, eye wòdo ɣli be, “Mi ame siwo katã le Yehowa dzi la, miva afi sia miawɔ ɖeka kplim.” Tete Levitɔwo katã do go va egbɔ. Egblɔ na wo be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be, ‘Mitsɔ miaƒe yiwo, eye miatsa le asaɖa la me, tso asaɖa la ƒe seƒe ɖeka yi ekemɛ, eye miawu mia ŋutɔwo mia nɔviwo, xɔlɔ̃wo kple ame nyanyɛwo gɔ̃ hã.’ ” Levitɔwo wɔ abe ale si Mose gblɔ na wo ene, eye ame abe akpe etɔ̃ ene ku gbe ma gbe. Mose gblɔ na Levitɔwo be, “Egbe la, mieɖo mia ɖokuiwo hena dɔwɔwɔ na Yehowa, elabena mieɖo toe, togbɔ be toɖoɖoe na be miewu mia ŋutɔwo mia viwo kple mia nɔviwo hã. Azɔ la, Yehowa akɔ yayra geɖe ɖe mia dzi.” Mose ɖe kuku ɖe dukɔ la ta Esi ŋu ke la, Mose gblɔ na Israelviwo be, “Miewɔ nu vɔ̃ gã aɖe, ke magbugbɔ ayi Yehowa gbɔ le to la dzi. Ɖewohĩ mate ŋu ana wòatsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi.” Ale Mose trɔ yi Yehowa gbɔ, eye wògblɔ nɛ be, “O, ame siawo wɔ nu vɔ̃ gã aɖe: wotsɔ sika wɔ mawuwo na wo ɖokuiwo. Meɖe kuku, tsɔ woƒe nu vɔ̃wo ke wo. Ke ne màte ŋui o la, ekema na nye boŋ maku ɖe wo teƒe, eye nàtutu nye ŋkɔ ɖa le wò agbalẽ la me.” Yehowa ɖo eŋu na Mose be, “Ame sia ame si wɔ nu vɔ̃ ɖe ŋunye la, eya ƒe ŋkɔe matutu ɖa le nye agbalẽ la me. Azɔ la, yi eye nàkplɔ nye ameawo ayi teƒe si ƒe nya megblɔ na wò. Meka ɖe edzi na wò be nye Dɔla anɔ ŋgɔ na mi. Ke ne meva be makpɔ ameawo ɖa la, mahe to na wo le woƒe nu vɔ̃wo ta.” Tete Yehowa na dɔvɔ̃ dze ameawo dzi, elabena wosubɔ Aron ƒe sikanyivilegba la. Yehowa gblɔ na Mose be, “Kplɔ ame siwo nèkplɔ tso Egipte la, yi anyigba si ŋugbe medo na Abraham, Isak kple Yakob la dzi, elabena megblɔ be, ‘Matsɔ anyigba sia ana miaƒe dzidzimeviwo.’ Madɔ Mawudɔla aɖe ɖa wòakplɔ mi, eye manya Kanaantɔwo, Amoritɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo ɖa le anyigba la dzi. Enye anyigba aɖe si dzi ‘notsi kple anyitsi bɔ ɖo.’ Ke nyemazɔ kpli mi o, elabena mienye dukɔ kɔlialiatɔwo kple setemanɔlawo, eye mava di be matsrɔ̃ mi le mɔa dzi.” Esi ameawo se ŋɔdzinya siawo la, wode asi konyifafa me, eye woɖe woƒe sikanuwo kple atsyɔ̃ɖonuwo da ɖi. Yehowa gblɔ na Mose be wòagblɔ na Israelviawo be, “Mienye aglãdzelawo kple kɔlialiatɔwo. Ne menɔ mia dome aɖabaƒoƒo ɖeka pɛ gɔ̃ hã la, matsrɔ̃ mi. Miɖe miaƒe sikanuwo kple atsyɔ̃ɖonuwo da ɖi va se ɖe esime maɖo kpe nu si mawɔ kpli mi la dzi.” Ale le nu sia megbe la, Israelviwo megado sikanu aɖeke le Horeb. Takpekpegbadɔ la Mose tua agbadɔ la ɣe sia ɣi ɖe adzɔge ʋĩi tso asaɖa la gbɔ. Ena ŋkɔe be, “Agbadɔ Hena Gododo Mawu.” Ame sia ame si di be yeaƒo nu kple Yehowa la yia afi ma. Ne Mose yina agbadɔ la gbɔ la, ameawo katã tsia tsitre ɖe woƒe agbadɔwo nu, eye wonɔa Mose kpɔm va se ɖe esime wòaɖo agbadɔ la nu. Ne ege ɖe agbadɔ la me la, lilikpo dodo aɖe ɖiɖina va nɔa agbadɔ la nu le esime Mawu ƒoa nu kple Mose. Ekema ameawo katã doa gbe ɖa eye wodea ta agu na lilikpo la le woƒe agbadɔwo nu. Yehowa ƒoa nu kple Mose ŋkume kple ŋkume le Mawu ƒe agbadɔ la me abe ale si xɔlɔ̃ ƒoa nu kple xɔlɔ̃ ene. Le esia megbe la, Mose trɔna vaa asaɖa la me, ke Yosua, Nun ƒe viŋutsu, ɖekakpui si kpena ɖe eŋu la, nɔa agbadɔ la me. Mose kpɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe Mose gblɔ na Yehowa le agbadɔ la me be, “Ègblɔna nam be, ‘Kplɔ dukɔ sia yi Ŋugbedodonyigba la dzi.’ Ke mègblɔ ame si nàɖo ɖa kplim la nam o. Ègblɔ be yenyam kple nye ŋkɔ, eye yeƒe amenuveve la li kplim. Ne esia le eme alea pɛpɛpɛ la, ekema meɖe kuku, fia wò mɔwom ale be mase wò ɖoɖowo gɔme, eye mawɔ nu si adze ŋuwò. Ɖo ŋku edzi be yeƒe dukɔe nye dukɔ sia.” Yehowa ɖo eŋu be, “Nye ŋutɔ mayi kpli mi, eye mana nu sia nu nadze edzi na mi.” Mose xɔ edzi be, “Ne mèle yiyi ge kpli mí o la, ekema mègana míaɖe afɔ ɖeka tso afi sia o. Ne mèyi kpli mí o la, ame kae akpɔ be wò amenuveve li kplim kple nye amewo? Ame kae akpɔ be míeto vovo tso dukɔ bubu ɖe sia ɖe si le anyigba dzi la gbɔ?” Yehowa ɖo eŋu na Mose be, “Ɛ̃, mawɔ nu si nèbia la na wò, elabena vavã, nye amenuveve le dziwò, eye menya wò kple wò ŋkɔ.” Mose bia Mawu be wòana yeakpɔ eƒe ŋutikɔkɔe. Yehowa ɖo eŋu be, “Mana nye ŋutikɔkɔe nato wò ŋkume ayi. Maɖe gbeƒã nye ŋkɔ Yehowa kple eƒe gɔmesese le ŋgɔwò. Mevea ame si nu medi be mave la nu, eye mekpɔa nublanui na ame si medi be makpɔ nublanui na. Ke màkpɔ nye ŋkume ya o, elabena ame aɖeke makpɔ nye ŋkume, eye wòaganɔ agbe o. Tsi tsitre ɖe agakpe sia dzi le gbɔnye. Ne nye ŋutikɔkɔe tso eme va yina la, matsɔ wò ade agakpe la tome. Matsɔ nye asi atsyɔ dziwò va se ɖe esime matso eme. Ekema maɖe nye asi ɖa, eye nàkpɔ yonyeme. Màkpɔ nye ŋkume ya o.” Seawo ƒe kpe yeyeawo Yehowa gblɔ na Mose be, “Kpa kpe gbadzɛ eve abe gbãtɔwo ene, eye maŋlɔ Se siwo nɔ kpe siwo nègba la dzi la ɖe wo dzi. Dzra ɖo etsɔ ŋdi nàva kpɔm le Sinai to la dzi. Mègana ame aɖeke nava kpli wò o, eye ame aɖeke manɔ teƒe aɖeke le to sia dzi hã o. Mègana miaƒe alẽwo kple nyiwo naɖu gbe le teƒe si te ɖe to la ŋu o.” Ale Mose tsɔ kpe kpakpɛ eveawo abe gbãtɔwo ene, eye wòlia Sinai to la ŋdi kanya, abe ale si Yehowa ɖo nɛ be wòawɔ ene. Yehowa ɖi ɖe to la dzi le lilikpo dodo aɖe me, eye wòtsi tsitre ɖe egbɔ le afi ma ɖe gbeƒã eƒe ŋkɔ Yehowa nɛ. Yehowa to Mose ŋkume, eye wòɖe gbeƒã eƒe ŋkɔ be, “Yehowa, Yehowa, Mawu nublanuikpɔla kple amenuvela, ame si gbɔa dzi ɖi blewu, eye eƒe lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ nu metsina o; ame si ɖea lɔlɔ̃ fiaa ame akpe nanewo, eye wòtsɔa ame vɔ̃ɖiwo kple aglãdzelawo ƒe nu vɔ̃wo kea wo, ke megbea tohehe na vodalawo o, eye wòhea to na ɖeviwo ɖe wo fofowo ƒe vodadawo ta tso dzidzime etɔ̃lia va se ɖe enelia dzi.” Mose tsyɔ mo anyi enumake ɖe Yehowa ŋkume, eye wòsubɔe. Egblɔ be, “Nenye nyateƒe be nève nunye la, ekema O Yehowa, meɖe kuku kplɔ mí yi Ŋugbedodonyigba la dzi. Eme kɔ ƒãa be míenye dukɔ dzeaglã kple kɔlialiatɔwo, gake meɖe kuku, tsɔ míaƒe vodadawo kple nu vɔ̃wo ke mí, eye nàgaxɔ mí abe wò ŋutɔ tɔwòwo ene.” Yehowa ɖo eŋu be, “Enyo. Esiae nye nubabla si mawɔ kple wò. Mawɔ nukunu siwo tɔgbi ame aɖeke mewɔ le xexea me blibo la ƒe akpa aɖeke kpɔ o. Israelviwo katã akpɔ Yehowa ƒe ŋusẽ. Woakpɔ ŋusẽ triakɔ si maɖe afia to dziwò.” Nu si nàwɔ le nubabla sia me lae nye be nàlé nye seawo katã me ɖe asi. Ekema manya Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo katã le ŋgɔwò le anyigba la dzi. Kpɔ nyuie be màbla nu kple ame siwo le anyigba si dzi yim miele la gbeɖegbeɖe o, elabena ne miebla nu kpli wo la, miade asi woƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ me kaba. Ke boŋ migbã woƒe vɔsamlekpuiwo kple woƒe legbawo eye miho woƒe aƒeliwo ƒu anyi, elabena mele be miasubɔ mawu bubu aɖeke o, ke boŋ Yehowa ko, elabena Yehowa nye Mawu si dina be woasubɔ ye ɖeka ko. “Miɖɔ ŋu ɖo be miagawɔ nubabla aɖeke tɔgbi kple ame siwo le anyigba la dzi o. Mawu geɖewo subɔlawo wonye, eya ta ne miewɔ ɖeka kpli wo la, woakpe mi ayi woƒe legbawo subɔƒe, eye míaɖu woƒe vɔsanuwo. Eye ne míeɖe wo vinyɔnuwo na mia viŋutsuwo la, wo srɔ̃wo akplɔ wo ayi woƒe legbawo subɔƒewo, eye mia viŋutsuawo hã ada vo ɖe ŋunye to wo srɔ̃wo ƒe mawuawo subɔsubɔ me. “Mele be miawɔ legba aɖeke na mia ɖokuiwo o. “Ɖo ŋku edzi miaɖu Abolo Maʋamaʋã Ŋkekenyui ŋkeke adre abe ale si megblɔe na wò ene le ŋkeke ɖoɖoawo dzi, le Tedoxe me ƒe sia ƒe. Ɣleti sia mee miedzo le Egipte. “Nyitsu, agbo kple gbɔ̃tsu ɖe sia ɖe si ʋu dɔ nu na dadaa la nye tɔnye. Àte ŋu atsɔ alẽvi aɖɔli tedzi ƒe ŋgɔgbevi. Ne mèdi be yeaɖɔlii o la, ekema ele be nàŋe kɔe. Ke ele be miaƒle miaƒe ŋgɔgbevi ŋutsuwo katã ta. Ame aɖeke megava nye ŋkume asi gbɔlo o. “Le nuƒãɣi kple nuŋeɣi gɔ̃ hã la, miawɔ dɔ ŋkeke ade ko, eye miadzudzɔ le ŋkeke adrea gbe. “Ɖo ŋku edzi miaɖu Kɔsiɖawo ƒe Ŋkekenyui, si nye lu gbãtɔwo ŋeŋe ƒe ŋkekenyuie la; emegbe la miaɖu Avaɖoɖo ƒe Ŋkekenyui le ƒea ƒe nuwuwu. Le ŋkekenyui siawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi la, ele be Israel ŋutsuwo kple ŋutsuviwo katã nado ɖe Aƒetɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu ŋkume. Futɔ aɖeke madze miaƒe anyigba dzi, aɖu mia dzi ne mieyi toa dzi be miado ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume le azã etɔ̃ mawo dzi ƒe sia ƒe o, elabena manya dukɔawo ɖa le mia ŋgɔ, eye makeke miaƒe liƒowo ɖe enu. “Megakpe nye vɔsalãwo ƒe ʋu ɖe abolo si woƒo kple amɔ ʋaʋã la ŋu o. Mele be Ŋutitotoŋkekenyui ƒe vɔsalã lã ƒe akpa aɖeke natsi anyi ŋu nake ɖe edzi o. “Ne èxa wò agblemenukuwo la, ele be nàtsɔ wò ŋkeke gbãtɔ ƒe nuku nyuitɔwo ƒe ɖe va Yehowa, wò Mawu ƒe aƒe me. “Mègaɖa gbɔ̃vi le dadaa ƒe notsi me o.” Yehowa yi edzi gblɔ na Mose be, “Ŋlɔ se siwo mede na wò egbe la da ɖi, elabena woawoe nye ɖoɖo siwo ku ɖe nye nubabla si mewɔ kple wò kple Israel la ŋu.” Mose yi ɖanɔ toa dzi kple Yehowa ŋkeke blaene kple zã blaene. Meɖu naneke alo no naneke le ŋkeke siawo me o. Le ɣeyiɣi sia me la, Mawu ŋlɔ nubabla la me nya siwo nye Se Ewoawo la ɖe kpe kpakpɛ eveawo dzi. Mose ƒe mo ƒe keklẽ Esi Mose ɖi tso Sinai toa dzi gbɔna kple kpe kpakpɛawo la, menya be yeƒe mo nɔ keklẽm le yeƒe Mawu gbɔ nɔnɔ ta o. Le keklẽ si nɔ mo nɛ ta la, Aron kple Israelviwo vɔ̃ be yewoate ɖe eŋu. Ke Mose yɔ wo. Aron kple ameha la ƒe kplɔlawo te ɖe eŋu, eye woƒo nu kplii. Le esia megbe la, Israelviwo katã va egbɔ, eye wòtsɔ se siwo Yehowa tsɔ nɛ le Sinai toa dzi la na wo. Esime Mose wu eƒe nuƒoa nu la, etsɔ motsyɔvɔ tsyɔ ŋkume. Ne eyina agbadɔ la me be yeaƒo nu kple Yehowa la, eɖea motsyɔvɔ la ɖa va se ɖe esime wòado go. Ekema agblɔ se siwo katã Mawu de nɛ la na Israelviwo, eye woakpɔ eƒe mo wòanɔ keklẽm. Le esia megbe la, egatsɔa motsyɔvɔ la tsyɔa mo va se ɖe esime wòagatrɔ ayi be yeaƒo nu kple Yehowa. Dzudzɔgbe la ŋuti sewo Mose ƒo Israelviawo katã nu ƒu, eye wògblɔ na wo be, “Esiawoe nye Yehowa ƒe se siwo dzi wòle be miawɔ. “Miwɔ dɔ ŋkeke ade ko. Ŋkeke adrelia nye dzudzɔgbe kple ŋkeke kɔkɔe si ŋu dɔ miawɔ asubɔ Yehowa. Ele na ame sia ame si awɔ dɔ le ŋkeke ma dzi la be wòaku. Migado dzo gɔ̃ hã le miaƒe aƒewo me o.” Nu siwo woatsɔ atu agbadɔ lae Mose gblɔ na dukɔ blibo la be, “Yehowa gblɔ be, Mi ame siwo katã lɔ̃ faa kple ame siwo katã ƒe dɔ me nyo la, mina nu siawo Yehowa: “sika, klosalo kple akɔbli, avɔ si wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple hɛ̃tɔ, dzĩtɔ kple avɔ si wolɔ̃ kple ɖetika ɣi alo gbɔ̃fu, agbo kple nyigbalẽ siwo ƒe agbalẽ wode ama dzĩ, akasiati, akaɖimemi, atike ʋeʋĩwo hena ami sisi kple dzudzɔdodo, onikskpe kple kpe siwo ŋu dɔ woawɔ na kɔmewu kple akɔtaɖonu la. “Mi ame siwo katã nye aɖaŋudɔwɔlawo, eye ŋutete tɔxɛwo le mia si la, miva, eye miawɔ nu siwo Yehowa ɖo na mi be miawɔ: “agbadɔ la, etamegbanuwo, eŋu ganuviwo kple ʋuƒowo, gametiwo, sɔtiwo kple woƒe afɔwo, nubablaɖaka la kple ati siwo woatsɔ akɔe, nubablaɖaka la ƒe nutuvi, Xɔmetsovɔ si ƒo xlã Kɔkɔeƒe la, kplɔ̃ la, ekɔtiwo kple eŋunuwo katã, Ŋkumeɖobolo la, Akaɖiti la kple akaɖigbɛawo wo ŋunuwo kple ami, dzudzɔdovɔsamlekpui la kple ekɔtiawo, ami sisi la kple dzudzɔdotikeʋeʋĩwo, agbadɔ la ƒe xɔmemɔnuvɔ, Numevɔsamlekpui la, akɔblidzrala la; atiawo kple wo ŋunuwo katã; tsileze la kple eƒe zɔ kplɔ̃ŋutivɔawo, sɔtiawo kple woƒe afɔtiwo, agbonuvɔ la, agbadɔ la ƒe tsyoti kple woƒe kawo, nunɔlawo ƒe awu nyui siwo wotɔ be woado hena subɔsubɔdɔwo wɔwɔ, nunɔla Aron kple via ŋutsuwo ƒe awu kɔkɔewo hena subɔsubɔwo wɔwɔ le Kɔkɔeƒe la.” Israelviwo ƒe ha blibo la dzo le Mose gbɔ. Ame siwo ƒe dzi Mawu ƒe Gbɔgbɔ ʋã la, tsɔ nunanawo vɛ na Yehowa hena agbadɔ la, eŋunuwo kple awu kɔkɔeawo. Nyɔnuwo kple ŋutsuwo siaa, ame sia ame si lɔ̃ tso dzi me faa la va. Wotsɔ sika, togɛwo, asigɛwo, kɔgawo kple sikanu ƒomevi ɖe sia ɖe vɛ na Yehowa. Ame bubuwo tsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ, ɖeti ɣi ƒe ka alo gbɔ̃fu kple agbogbalẽ si wode ama dzĩ kple gbɔ̃gbalẽ si ŋu wotrɔ asi le la vɛ. Ame bubuwo tsɔ klosalo kple akɔbli vɛ abe woƒe nunana na Yehowa ene. Ame aɖewo tsɔ akasiati vɛ hena agbadɔ la tutu. Nyɔnu siwo nya nutɔtɔ kple ɖetitetre nyuie la tsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ lɔ̃ avɔ, wotre ɖeti ɣi ƒe ka, eye wotsɔ wo vɛ. Nyɔnu aɖewo wɔ aɖaŋu tɔxɛ tsɔ gbɔ̃fuwo lɔ̃ avɔe. Amegãwo tsɔ onikskpe la vɛ be woatsɔ ɖo kɔmewu la kple akɔtaɖonu la ŋu. Wotsɔ atike ʋeʋĩwo kple ami vɛ na akaɖigbɛawo kple ami sisi kple dzudzɔdonuwo wɔwɔ. Ale Israelviwo, ŋutsu sia ŋutsu kple nyɔnu sia nyɔnu si lɔ̃ kple dzi faa be yeana kpekpeɖeŋu le dɔ si Yehowa de asi na Mose wɔwɔ me la tsɔ nunanawo vɛ. Bezalel kple Oholiab Mose gblɔ na wo be, “Mikpɔ ɖa, Yehowa tia Bezalel, Uri ƒe viŋutsu kple Hur ƒe tɔgbuiyɔvi tso Yuda ƒe to la me, eye wòtsɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ si fiaa nunya, nugɔmesese, sidzedze la nɛ. Ate ŋu atsɔ sika, klosalo kple akɔbli awɔ nu siwo nya kpɔ lae. Enya ale si woatsɔ kpe awɔ nuwo, eye woatsɔ atiwo akpa nuwoe. Mawu na ŋutete tɔxɛ Bezalel kple Oholiab, ame siwo nye Ahisamak ƒe viŋutsuwo tso Dan ƒe to la me be woafia woƒe aɖaŋuwo ame bubuwo. Mawu na aɖaŋu tɔxɛ ame eve siawo be woate ŋu awɔ sikanuwo, atsɔ ati akpa nuwo, eye woatsɔ ka vovovowo alɔ̃ nuwo ɖe avɔwo me. Wodze le ame sia ame ŋu le aɖaŋunu siwo katã míehiã na dɔ la wɔwɔ me. Dɔwɔla siwo si aɖaŋu kple ŋutete tɔxɛwo le la nakpe ɖe Bezalel kple Oholiab ŋu le agbadɔ la tutu kple eŋunuwo wɔwɔ me abe ale si Yehowa gblɔe ene.” Ale Mose yɔ Bezalel kple Oholiab kple ame bubu siwo katã Yehowa na ŋutetee, eye wolɔ̃ be yewoawɔ dɔ la be woadze dɔ la gɔme. Mose tsɔ nu siwo Israelviwo dzɔ la na wo bena woatsɔ awɔ kɔkɔeƒe la ŋu dɔwoe. Nudzɔdzɔ bubuwo gavana ŋdi sia ŋdi. Mlɔeba la, dɔa wɔlawo katã gblẽ woƒe dɔdeasiwo ɖi. Woyi ɖado go Mose, eye wogblɔ nɛ be, “Nu siwo nètsɔ na mí be míatsɔ awɔ dɔ si Yehowa gblɔ be woawɔ la sɔ gbɔ wu esiwo míehiã na dɔa nu wuwu!” Ale Mose ɖe gbeƒã na amewo katã le asaɖa la me be nudzɔdzɔ aɖeke megahiã o. Ale ameawo dzudzɔ nunanawo tsɔtsɔ vɛ, elabena nu siwo wotsɔ vɛ do ŋgɔ la su na dɔ la. Agbadɔ la Aɖaŋuvɔlɔ̃lawo katã tsɔ avɔ blɔtɔ kple avɔ dzĩ ƒomevi eve wɔ avɔkpo ewo, eye wolɔ̃ Kerubiwo aɖaŋutɔe ɖe wo me hetsɔ wo wɔ Mawu ƒe dɔ lae. Avɔawo katã sɔ; woƒe didime nye mita wuietɔ̃, wokeke mita eve. Wotɔ avɔkpo atɔ̃ ɖe wo nɔewo nu, le didime nu, eye wogatɔ avɔkpo atɔ̃ mamlɛa hã nenema ke. Ale wokpɔ xɔgbãvɔ didi eve. Wotɔ aɖabɛka blɔtɔ kpuikpuikpui blaatɔ̃ ɖe xɔgbãvɔ ɖe sia ɖe ƒe axa ɖeka ƒe didime, ale be gbãtɔ ƒe kawo sɔ ɖe evelia tɔwo nu. Ale wotɔ ka kpuikpuikpui blaatɔ̃ hã ɖe xɔgbãvɔ la to le go kemɛ hã me, eye ɖe sia ɖe sɔ ɖe esi dze ŋgɔe la nu. Emegbe la, wotsɔ sika tu ganuvi blaatɔ̃. Wosa ka kpuikpuikpuiawo ɖe ganuviawo ŋu ale wowɔ xɔgbãvɔ didi eveawo ɖekae, eye wona wòzu dzisasa na agbadɔ la. Emegbe la, wotsɔ avɔ titri siwo wolɔ̃ kple gbɔ̃fu la ƒe teƒe wuiɖekɛ gbã agbadɔ lae. Avɔkpo ɖe sia ɖe didi mita wuietɔ̃, eye wòkeke mita eve. Bezalel tɔ avɔkpo atɔ̃ ɖekae, eye wòtɔ ade mamlɛa hã ɖekae, ale wozu avɔ gã didi eve. Etɔ ka kpuikpuikpui ɖe avɔ gã didi ɖe sia ɖe ƒe axa ɖeka ŋu, eye wòtu gavi blaatɔ̃ kple akɔbli na ka kpuikpuikpuiawo, ale wotsya avɔ gã didi eveawo ɖe wo nɔewo nu. Wotsɔ agbogbalẽ siwo woɖa kple ama dzĩ la tsyɔ gbɔ̃fuvɔawo dzi, eye wogatsɔ gbɔ̃gbalẽwo tsyɔ alẽgbalẽawo dzi. Wotsɔ akasiati wɔ agbadɔ la ƒe ʋuƒowo, axadzitiwo kple daɖedziwo. Sɔti ɖe sia ɖe kɔ mita ene, eye wòkeke sentimita blaade-vɔ-ade. Woɖe do ɖe atiawo ƒe nugbɔwo ale be woate ŋu atɔ ati eve ɖe wo nɔewo nu nyuie. Ʋuƒo blaeve nɔ agbadɔ la ƒe dziehe lɔƒo. Wotsɔ klosalo wɔ afɔti blaene ɖe atiawo te: afɔti eve nɔ ati ɖe sia ɖe te. Sɔti blaeve nɔ agbadɔ la ƒe anyiehe lɔƒo. Zɔ blaene siwo wotu kple klosaloga la nɔ sɔtiawo te, eve nɔ ɖe sia ɖe te. Wotu sɔti ade ɖe agbadɔ la ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo. Afi siae nye agbadɔ la megbe. Sɔti bubu ɖeka nɔ dzogoe ɖe sia ɖe dzi. Wotsɔ sikasigɛwo lé sɔtiawo kple dzogoedzitɔwo siaa ɖekae le eƒe dzigbe kple anyigbe siaa. Ale sɔti enyi nɔ agbadɔ la ƒe ɣetoɖoƒekpa dzi, eye klosalozɔ wuiade nɔ wo te: eve nɔ ɖe sia ɖe te. Le esia megbe la, wodze akasiati tsɔ ɖo sɔtiawo ŋu. Atɔ̃ nɔ agbadɔ la ƒe axa ɖeka dzi, atɔ̃ ganɔ axa evelia dzi, eye atɔ̃ bubu ganɔ agbadɔ la ŋgɔ le ɣetoɖoƒe lɔƒo. Woɖo daɖedzitiawo ale gbegbe be wokpe le titina, eye wodo tso go ɖeka me yi go kemɛ me. Wofa sika ɖe sɔtiawo kple akasiati dzedzeawo ŋu. Wotsɔ sika nyuitɔ wɔ asigɛawo. Wotsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ kple ɖeti ɣi ƒe kawo lɔ̃ xɔmetsovɔ la, eye wolɔ̃ Kerubiwo aɖaŋutɔe ɖe eme. Wotsi xɔmetsovɔ la ɖe sikagatagbadzɛ ene siwo nɔ sɔti ene ŋu la ŋu. Wofa sika ɖe sɔtiawo ŋu, eye wotu wo ɖe klosalozɔ ene dzi. Etsɔ avɔ si wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe ka la wɔ xɔmemɔnuvɔ na agbadɔ la. Woƒo gatagbadzɛ atɔ̃ ɖe sɔti atɔ̃ ŋu. Wofa sika ɖe sɔtiawo kple woƒe helétiawo ŋu. Wotsɔ akɔbli wɔ zɔ na sɔtiawo, eye wotsɔ xɔmetsovɔ la de sɔtiawo ƒe gatagbadzɛawo ŋu. Nubablaɖaka la Le esia megbe la, Bezalel tsɔ akasiati wɔ nubablaɖaka la. Edidi sentimita alafa ɖeka kple ewo, ekeke sentimita blaade-vɔ-ade, eye wòkɔ sentimita blaade-vɔ-ade. Wofa sika nyuitɔ ɖe eme kple egodo siaa, eye wotsɔ sika mimli do atsiã na eto kpe ɖo. Ewɔ sikagagɔdɔ̃e ene siwo anɔ abe asigɛ ene, eye wòklã wo ɖe dzogoe ene siwo le ete la ŋu; sikagagɔdɔ̃e eve nɔ aɖaka la ƒe axa ɖe sia ɖe. Etsɔ akasiati kpa kpo didi eve, fa sika ɖe wo ŋu, eye wòtsɔ wo ƒo ɖe sikasigɛawo me hena nubablaɖaka la kɔkɔ. Le esia megbe la, etsɔ sika nyuitɔ wɔ nubablaɖaka la ƒe nutunu. Woyɔ nutunu sia be, “Amenuveveteƒe.” Edidi sentimita alafa ɖeka kple ewo, eye wòkeke sentimita blaade-vɔ-ade. Etsɔ sika tu kerubi eve, eye wòtsɔ wo da ɖe sikanutunu la ƒe nu eveawo. Ewɔ kerubi ɖeka kple amenuvevezikpui la, eye wòwɔ ɖeka wònɔ nutunu la ƒe didime ƒe nu ɖeka. Kerubi eveawo dze ŋgɔ wo nɔewo, wokeke woƒe aʋalawo ɖe “Amenuveveteƒe” la dzi, eye wode mo to ɖe edzi. Kplɔ̃ la Emegbe la, etsɔ akasiati kpa kplɔ̃e. Kplɔ̃ la didi sentimita blaenyi-vɔ-enyi, ekeke sentimita blaene-vɔ-ene, eye wòkɔ sentimita blaade-vɔ-ade. Wofa sika nyuitɔ ɖe eŋu eye wotsɔ sika mimli ɖo atsyɔ̃ na eto kpe ɖo. Etsɔ sika wɔ toɖonu si kɔ abe milimita blaadre-vɔ-atɔ̃ ene la ɖo to na kplɔ̃ la kpe ɖo. Etu sikasigɛ ene klã ɖe Kplɔ̃ la ƒe afɔ eneawo ŋu. Wote ɖe atsyɔ̃ɖonu mimli la ŋu. Wowɔ wo be woatsɔ ati aƒo ɖe wo me hena aɖaka la kɔkɔ. Wotsɔ akasiati kpa kpo siwo woatsɔ akɔ Kplɔ̃ lae, eye wofa sika ɖe wo ŋuti. Hekpe ɖe esiawo ŋuti la, wotsɔ sika nyuitɔ wɔ agbawo, nutɔgbawo, detsikugbawo kple go siwo me woaku aha ɖo hena nunovɔsasa. Akaɖiti la Egatsɔ sika nyuitɔ wɔ akaɖiti lae. Akaɖiti la ƒe zɔ, ati didi la, akaɖigbɛawo ƒe nɔƒe kple seƒoƒo siwo woatsɔ aɖo atsyɔ̃ na akaɖiti la katã nye nu blibo ɖeka. Alɔ ade nɔ akaɖiti la ŋu, etɔ̃ nɔ akpa ɖeka, eye etɔ̃ nɔ akpa evelia hã. Kplu etɔ̃ siwo wowɔ abe yevuzi ƒe seƒoƒo siwo do, eye woke ene la, nanɔ alɔdze ɖeka ŋu, etɔ̃ nanɔ alɔdze bubu ŋu. Nenema ke wòanɔ na alɔdze adeawo katã, siwo le akaɖiti la kɔgo ŋu. Nenema ke woɖo atsyɔ̃ na akaɖiti la kple kplu ene siwo wowɔ ɖe “almɔd” seƒoƒo ƒe nɔnɔme me. Seƒoƒo ɖeka kple eƒe tamekuku nɔ alɔdze eve ƒe kpeƒe; ɖeka nanɔ alɔdze eve siwo kplɔ gbãtɔ ɖo la ƒe kpeƒe, eye ɖeka hã nanɔ etɔ̃lia ƒe kpeƒe, ale be alɔdzeawo nanye ade. Wotsɔ sika nyuitɔ wɔ atsyɔ̃ɖoɖoawo kple alɔawo katã wonye nu blibo ɖeka. Emegbe la, wotsɔ sika nyuitɔ wɔ akaɖigbɛ adre ɖe alɔawo, ɖovulãnuawo kple dzowɔgagbɛawo siaa ŋu. Wotsɔ sika nyuitɔ si ƒe kpekpeme nye kilogram blaetɔ̃-vɔ-adre la wɔ akaɖiti la kple eŋunuwoe. Dzudzɔdovɔsamlekpui la Wotsɔ akasiati kpa dzudzɔdovɔsamlekpui lae. Eƒe tame ƒe kekeme kple didime siaa sɔ, anɔ sentimita blaene-vɔ-atɔ̃. Ekɔ sentimita blaasiekɛ. Dzo ɖekaɖeka nɔ dzogoe etɔ̃ dzi; wowɔ wo ɖe dzudzɔdovɔsamlekpui la ŋu, wònye nu ɖeka. Efa sika nyuitɔ ɖe eŋuti keŋ, eye wòɖo atsyɔ̃ na eto kple sika. Ewɔ sikagagɔdɔ̃e eve ɖe atsyɔ̃ɖonu la te, eye wògawɔ bubu eve ɖe axa eveawo hã dzi be woatsɔ atiwo aƒo ɖe wo me hena dzudzɔdovɔsamlekpui la kɔkɔ. Wotsɔ akasiati kpa kpo didiawo, eye wofa sika ɖe wo ŋu. Le esiawo megbe la, etsɔ atike ʋeʋĩwo wɔ ami kɔkɔe si woasi na nunɔlawo. Egawɔ dzudzɔdonu kɔkɔe abe ale si amiʋeʋĩwɔla nyuitɔwo wɔnɛ ene. Numevɔsamlekpui la Bezalel kpa numevɔsamlekpui la hã kple akasiati. Etame ƒe didime kple eƒe kekeme siaa nye mita eve kple desimita eve. Eƒe kɔkɔme nye mita ɖeka kple desimita etɔ̃. Dzo ene nɔ dzogoe eneawo dzi; wokpa wo kpe ɖe numevɔsamlekpui la ŋu wonye nu blibo ɖeka. Wofa akɔbli ɖe numevɔsamlekpui la ŋu. Etsɔ akɔbli wɔ vɔsamlekpui la ŋunuwo, afilɔnuwo, gagbɛwo, gafluwo kple dzoɖesonuwo. Emegbe la, egatsɔ akɔbli wɔ adzrala, eye wòlée ɖe vɔsamlekpui la te godoo, le titina na anyigba kple vɔsamlekpui la te, le teƒe si woado dzo ɖo. Wotu akɔblisigɛ ene ɖe adzrala la ƒe akpa eveawo ŋu be woatsɔ atiawo aƒo ɖe wo me hena ekɔkɔ. Wotsɔ akasiati wɔ ekɔtiawo hãe, eye wofa akɔbli ɖe wo ŋu. Wotsɔ atiawo ƒo ɖe asigɛawo me le vɔsamlekpui la ƒe axawo dzi. Wotsɔ ʋuƒo wɔ vɔsamlekpui lae, eye do le eme. Tsileze la Etsɔ akɔblihuhɔ̃e wɔ tsileze la kple eƒe zɔ. Nyɔnu siwo subɔna le agbadɔ la nu lae na ahuhɔ̃eawo wotsɔ wɔ woe. Xɔxɔnu la Le esia megbe la, ewɔ xɔxɔnu ɖe agbadɔ la ŋu. Agbadɔ la ƒe akpa si le dziehe la didi mita blaene-vɔ-ene. Woxee kple avɔ si wolɔ̃ kple ɖetika ɣi, ɖe kpɔti blaeve ŋu. Ke kpɔti blaeveawo ƒe afɔtiwo nye akɔbliga, eye wotsɔ klosaloga tu gatagbadzɛ siwo wotsɔ avɔawo kui la ɖe kpɔtiawo ŋu. Woawɔ avɔ la nenema ke le anyiehe gome hã. Woaku avɔ mita blaene-vɔ-ene ɖe klosalogatagbadzɛawo ŋu, ɖe gakawo ŋu le kpɔtiawo ŋu. Agbadɔ la keke mita blaeve-vɔ-ene le ɣetoɖoƒe gome. Wotsi avɔ la ɖe kpɔti ewo siwo te zɔ ɖekaɖeka le kple klosalogatagbadzɛawo kple klosalohelétiawo ŋu. Ɣedzeƒe gome hã keke mita blaeve-vɔ-eve. Avɔ la keke mita ade, desimita ade kple afã le agbadɔ la ƒe mɔnu ƒe akpa ɖeka. Nenema ke wotsi avɔ si keke mita ade, desimita ade kple afã la ɖe mɔnu la ƒe akpa evelia si te ɖe xɔxɔnu la ŋu, ɖe kpɔti etɔ̃ siwo te zɔ ɖekaɖeka le la ŋu. Wotsɔ ɖeti ɣi lɔ̃ avɔ siwo wotsi ƒo xlã agbadɔ lae. Akɔblizɔ nɔ kpɔti ɖe sia ɖe te. Wotsɔ klosalo wɔ gatagbadzɛawo kple helétiawo katã. Wofa klosalo ɖe kpɔtiawo tame. Wotsɔ klosalo wɔ heléti siwo ŋu wotsi avɔ la ɖo. Wotsɔ ɖeti ɣi lɔ̃ xɔmemɔnuvɔ, eye wolɔ̃ nu ɖe eme kple aɖabɛ blɔtɔ, dzĩtɔ kple hẽtɔ ƒe ka. Xɔmemɔnuvɔ la didi mita asieke. Ekeke mita eve abe avɔ siwo wotsi ƒo xlã xɔxɔnu la dometɔ ɖeka ene. Wotsii ɖe kpɔti ene ŋu. Akɔblizɔ nɔ kpɔti ɖe sia ɖe te. Wotsɔ klosalo wɔ gatagbadzɛawo kple helétiawo. Wofa klosalo ɖe kpɔtiawo tame. Wotsɔ akɔbli tu tsyoti siwo katã ŋu dɔ wowɔ le agbadɔ la tutu kple xɔxɔnu la wɔwɔ me. Nu siwo agbadɔ la tutu lɔ ɖe eme Nu siwo katã agbadɔ la tutu lɔ ɖe eme la woe nye: agbadɔ si nye nubablaɖaka la ƒe nɔƒe, esi Levi ƒe viwo lé da ɖi le Mose ƒe sedede nu, eye wowɔ esia le Aron ƒe viŋutsu, nunɔla Itamar ƒe kpɔkplɔ te. Aɖaŋutɔwo ƒe tatɔwoe nye Bezalel, Uri ƒe viŋutsu kple Hur si tso Yuda ƒe to la me ƒe tɔgbuiyɔvi. Wowɔ nu sia nu pɛpɛpɛ abe ale si Yehowa de se na Mose ene. Bezalel ƒe kpeɖeŋutɔe nye Oholiab, ame si nye Ahisamak, tso Dan ƒe to la me la ƒe viŋutsu. Eya hã nye aɖaŋutɔ gã aɖe, eye wòde ŋgɔ le nukpakpa kple avɔlɔlɔ̃ me hekpe ɖe nulɔlɔ̃ ɖe avɔwo me kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖeti ɣi dada ƒe ka ŋu. Sika si katã ŋu dɔ wowɔ le Kɔkɔeƒe la tutu me hekpe ɖe sika si wotsɔ wɔ nunyevɔsa tɔ ŋu la le “tɔn” ɖeka, le Kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu. Klosalo si woxɔ le amewo si la ƒe kpekpemee nye kilogram akpe etɔ̃, alafa ene blaetɔ̃, le Kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu. Ŋutsu siwo katã woxlẽ, woxɔ ƒe blaeve alo wu nenema la dometɔ ɖe sia ɖe dzɔ gram ade si woɖo na wo le kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu. Ŋutsu siawo ƒe xexlẽmee nye akpe alafa ade kple etɔ̃, alafa atɔ̃ blaatɔ̃ (603,550). Wotsɔ klosalo kilogram akpe etɔ̃ alafa ene (3,400) wɔ zɔwo na kɔkɔeƒe la ƒe sɔti kple kpɔti siwo ŋu wotsi xɔmetsovɔ la ɖo. Wotsɔ klosalo kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene wɔ zɔ ɖeka. Wotsɔ klosalo si susɔ la fa ɖe kpɔtiawo tame, eye wotsɔ mamlɛa tu helétiawo kple gatagbadzɛawo. Akɔbli si wokpɔ tso nunyevɔsa me la le “tɔn” eve kple afã, eye wotsɔe tu zɔ na kpɔti siwo le agbadɔ la ƒe mɔnu. Wotsɔ eya ke wɔ vɔsamlekpui la, lãyiga la kple nu siwo ŋu dɔ woawɔ le vɔsamlekpui la dzi, kpɔti siwo ŋu wotsi avɔ ɖo ƒo xlã xɔxɔnu la ƒe zɔwo kple tsyoti siwo katã ŋu dɔ wowɔ le agbadɔ la tutu kple xɔxɔnu la wɔwɔ me. Nunɔlawo ƒe awuwo Le esiawo megbe la, ameawo tsɔ avɔ siwo wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe ka la tɔ awu nyuiwo na nunɔlawo be woado hena woƒe subɔsubɔdɔwo wɔwɔ le Kɔkɔeƒe la. Wotsɔ avɔ sia ke tɔ Aron ƒe awu kɔkɔewo abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. Kɔmewu Wotsɔ avɔ sia ke si wolɔ̃ kple sika, aɖabɛka blɔtɔ, dzĩtɔ kple hẽtɔ kple ɖetika ɣitɔ tɔ kɔmewu la hã. Bezalel tu sika wòzu falɛe, eye wòfe eme wòzu sikaka suesuewo. Etsɔ wo na aɖaŋuvɔlɔ̃lawo be woalɔ̃ nu ɖe avɔ si wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe ka la me. Enye aɖaŋu nyui aɖe si nya kpɔ ŋutɔ. Wode ka abɔta na kɔmewu la, eye woku wo ɖe kɔmewu la ƒe dzogoe eve ŋuti ale be woate ŋu asae. Alidziblanu si wolɔ̃ kple aɖaŋu la sɔ kplii, wotsɔ sika, ɖetika ɣi, blɔtɔ, dzĩtɔ kple hẽtɔ lɔ̃ wo kple kɔmewu la ɖekae abe ale si Yehowa gblɔ na Mose ene la tututu. Wotsɔ sika wɔ kae, eye wotsɔ sikaka la lé onikskpe eve siwo wotɔ ɖe abɔtaka si le kɔmewu la ŋu lae. Woŋlɔ Israelviwo ƒe ŋkɔwo ɖe kpeawo dzi, eye wotɔ wo ɖe Kɔmewu la ƒe abɔtawo hena ŋkuɖoɖo Israelviwo dzi, abe ale si Yehowa de se na Mose ene. Akɔtaɖonu la Akɔtawu la hã nyo abe kɔmewu la ene. Wowɔ eya hã kple sika nyuitɔ, aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe kawo, ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe kawo abe kɔmewu la ke ene. Edidi sentimita blaeve-vɔ-eve, eye wòkeke nenema ke. Woŋee ɖe akpa eve ale wòzu kotoku aɖe tɔgbi. Woɖo kpe xɔasiwo ɖe fli ene me ɖe edzi. Kanelian, krisolit kple beril nɔ fli gbãtɔ me. Tɔkuɔs lapis lazuli kple emerald nɔ fli evelia me. Yasint, agate kple ametist nɔ fli etɔ̃lia me. Topaz, oniks kple yaspa nɔ fli enelia me. Wotsɔ sika gbi kae fa ɖe wo ŋuti. Woŋlɔ Israelviwo ƒe to wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe kpe xɔasiawo dzi. Wotsɔ ka si wotsɔ sika nyuitɔ gbie la ɖo akɔtawu la ŋu. Sikaka eve tsi ɖe sikanulénu eve ŋu le abɔtawu la ƒe dzogoe eveawo tame; wosa sikaka eveawo ɖe asigɛ eveawo ŋu eye wotɔ sikakɔsɔkɔsɔawo ƒe nu eveliawo ɖe onikskpe eveawo ŋu le akɔtawu la ƒe ŋgɔgbe. Wogatɔ sikasigɛ eve ɖe abɔtaka eveawo ŋu ɖe Akɔtawu la te, wote ɖe afi si wokpe alidziblanu la le la ŋu. Wogatɔ sikasigɛ eve ɖe Kɔmewu la ƒe abɔtaka la te, wote ɖe afi si wotsi kɔmewu la ɖe alidziblanu la ŋu la ŋu. Wotsi Akɔtawu la ɖe Kɔmewu la ŋu sesĩe esi wotsɔ ka blɔtɔ sa ɖe Akɔtawu la ƒe sikasigɛ kple Kɔmewu la ƒe sikasigɛ ŋu. Yehowae ɖo esiawo katã na Mose. Nunɔlawu bubuawo Wotsɔ avɔ blɔtɔ tɔ Kɔmewu lae. Woɖe teƒe ɖe kɔmewu la titina, afi si ame ƒe ta nato. Woƒo to na teƒe sia ale be mavuvu o. Wotsɔ avɔ si me wotsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka kple ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe ka lɔ̃ nu ɖo la wɔ yevuboɖawo ɖe awu la to le ete godoo. Wotsi nyawowoe siwo wotu kple sika nyuitɔ la ɖe yevuboɖa eve ɖe sia ɖe dome le awu la to. Nyawowoe ɖeka nɔ yevuboɖa eve dome; aleae wòle awu ʋlaya la to kpe ɖo. Awu siae woado hena subɔsubɔ abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. Azɔ la, wotsɔ avɔ si wolɔ̃ kple ɖeti ɣi la tɔ awu ʋlayawo na Aron kple via ŋutsuwo. Wotsɔ avɔ sia ke tɔ akɔtawuwo, tablanuwo, kukuwo kple awutewuiwo kple alidziblakawoe. Ke wotsɔ aɖabɛka blɔtɔ kple dzĩtɔ kple ka dzĩ lɔ̃ nuwo ɖe alidziblanuawo me abe ale si Yehowa gblɔ na Mose ene. Le esiawo katã megbe la, wotsɔ sika nyuitɔ wɔ ganuvi kɔkɔe si anɔ tablanu la ƒe ŋgonu. Woŋlɔ ɖe ganu sia dzi be, wokɔ eŋuti na Yehowa. Wotsɔ ka blɔtɔ lé ganu sia ɖe tablanu la ƒe ŋgonu abe ale si Yehowa gblɔ na Mose ene. Mose lé ŋku ɖe agbadɔ la ŋu Wozɔ ɖe ɖoɖo siwo katã Yehowa na Mose la nu. Ale wowu agbadɔ la nu mlɔeba. Azɔ la, wokɔ agbadɔ blibo la ŋunuwo yi Mose gbɔ: xɔmenuwo, ganuviawo, ʋuƒowo, gametiwo, sɔtiwo, afɔwo; agbogbalẽ siwo wode ama dzĩi hena agbadɔ la tame kple eƒe axawo kple xɔmenuwo; nubablaɖaka la, Se Ewoawo le eme; atiawo hena nubablaɖaka la kɔkɔ, amenuveteƒe la; kplɔ̃ la kple eŋunuwo katã; ŋkumeɖobolo la; sikakaɖiti la, akaɖigbɛawo, wo ŋunuwo kple ami; Sikavɔsamlekpui la, ami sisi la, Dzudzɔdonu ʋeʋĩ la, agbadɔnuvɔ la; Akɔblivɔsamlekpui la, akɔblidzrala la; atiawo kple wo ŋunuwo katã; tsileze la kple eƒe zɔ; Xɔxɔnu la ŋu ƒe avɔwo kple woƒe tsyotiwo, xɔxɔnu la ƒe agbonuvɔwo, kpɔtiawo; woƒe zɔwo, woƒe kawo kple gatagbadzɛawo; nu siwo katã ŋu dɔ wowɔ le agbadɔ la tutu me. Emegbe la, wotsɔ awu nyui siwo wotɔ be woado hena subɔsubɔdɔwo wɔwɔ, nunɔla Aron kple via ŋutsuwo ƒe awu kɔkɔewo hena subɔsubɔwo wɔwɔ le Kɔkɔeƒe la. Ale Israelviwo wɔ dɔ blibo la pɛpɛpɛ abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. Mose lé ŋku ɖe dɔ blibo la ŋu. Eyra ameawo, elabena wowɔ dɔ blibo la ɖe ale si Yehowa ɖo nɛ la nu pɛpɛpɛ. Agbadɔ la tutu kple eŋutikɔkɔ Azɔ la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Tu agbadɔ la le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi. Tsɔ nubablaɖaka si me Se Ewoawo le la de eme, eye nàtsi xɔmetsovɔ la ale be wòaɣla nubablaɖaka la ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la. Emegbe la, kɔ kplɔ̃ la da ɖe eme, nàkɔ kplɔ̃a ŋutinuwo da ɖe kplɔ̃ la dzi, nàtsɔ akaɖiti la de eme, eye nàsi akaɖiawo. “Kɔ sikavɔsamlekpui si dzi woado dzudzɔ ɖo la da ɖe nubablaɖaka la ŋgɔ. Tsi xɔmemɔnuvɔawo ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu, eye nàkɔ numevɔsamlekpui la da ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu. Kɔ tsileze la da ɖe Mawu ƒe agbadɔ la kple vɔsamlekpui la dome, eye nàku tsi ɖe eme. Le esia megbe la, wɔ xɔxɔnu la ƒo xlã agbadɔ la godoo, eye nàtsi xɔmemɔnuvɔ la ɖe xɔxɔnu la ƒe mɔnu. “Tsɔ ami sisi la, eye nàhlẽe ɖe agbadɔ la kple nu sia nu si le eme la ŋuti, ɖe nu siwo ŋu dɔ woawɔ kple agbadɔ la ƒe akpawo kple xɔmenuawo ŋuti be nàkɔ wo ŋuti, eye wo ŋuti nakɔ. Hlẽ ami sisi la ɖe numevɔsamlekpui la kple eŋunuwo ŋuti, eye nàkɔ wo ŋu; ekema vɔsamlekpui la ŋuti akɔ nyuie. Si ami na tsileze la kple eƒe zɔ, eye nàwɔe kɔkɔe. “Azɔ la, kplɔ Aron kple via ŋutsuwo va agbadɔ la ƒe mɔnu eye nàle tsi na wo. Do awu kɔkɔewo na Aron eye nàsi ami nɛ, akɔ eŋu be wòasubɔm abe nunɔla ene. Emegbe la, nàkplɔ via ŋutsuwo vɛ, nàdo woƒe awuwo na wo, eye nàsi ami na wo abe ale si nàsii na wo fofo ene, ale be woasubɔm abe nunɔlawo ene. Ami sisi sia atsi wo ŋu tegbetegbe, tso mavɔ me yi mavɔ me: wo viwo katã kple wo viwo ƒe viwo azu nunɔlawo nam tegbetegbe.” Ale Mose de asi nu siwo katã Yehowa ɖo nɛ be wòawɔ la wɔwɔ me. Le ƒe evelia ƒe ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, wotu agbadɔ la. Mose kɔ zɔwo de sɔtiawo te, eye wòklã ʋuƒowo ɖe sɔtiawo ŋu. Ekeke avɔ la ɖe atixɔ la ŋu, eye wòda tamenuwo ɖe edzi abe ale si Yehowa ɖo nɛ pɛpɛpɛ la ene. Etsɔ kpe siwo dzi woŋlɔ Se Ewoawo ɖo la da ɖe nubablaɖaka la me, etsi aɖakatsɔtiawo ɖe eŋu, eye wòtsɔ sikanutunu, amenuveveteƒe la tu enu. Emegbe la, ekɔ nubablaɖaka la va agbadɔ la me, eye wòtsɔ xɔmetsovɔ la xe eŋkume abe ale si Yehowa ɖo nɛ pɛpɛpɛ la ene. Azɔ la, ekɔ Kplɔ̃ la da ɖe Mawu ƒe agbadɔ la me le anyiehe lɔƒo, le xɔmetsovɔ la godo, eye wòtsɔ ŋkumeɖobolo la da ɖe kplɔ̃ la dzi le Yehowa ŋkume abe ale si Yehowa ɖo nɛ ene. Mose kɔ akaɖiti la da ɖe kplɔ̃ la kasa le agbadɔ la me le dziehe lɔƒo. Esi akaɖiawo le Yehowa ŋkume le ɖoɖoawo nu, eye wòkɔ sikavɔsamlekpui la da ɖe agbadɔ la me te ɖe xɔmetsovɔ la ŋu. Etsɔ atike ʋeʋĩwo do dzudzɔ ɖe edzi abe ale si Yehowa ɖo nɛ ene. Etsi xɔmemɔnuvɔ la ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu, ekɔ numevɔsamlekpui la da ɖe gota te ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu ŋu, eye wòme numevɔsa kple nuɖuvɔsa le vɔsamlekpui la dzi abe ale si Yehowa ɖo nɛ pɛpɛpɛ la ene. Emegbe la, ekɔ tsileze la da ɖe Mawu ƒe agbadɔ la kple vɔsamlekpui la dome. Eku tsi ɖe eme wòyɔ ale be nunɔlawo ate ŋu awɔ eŋu dɔ le asikɔklɔ kple afɔkɔklɔ me. Mose kple Aron kple Aron ƒe viŋutsuwo klɔ woƒe asiwo kple afɔwo le afi sia. Ɣe sia ɣi si woato vɔsamlekpui la ŋu be yewoage ɖe agbadɔ la me la, wotɔna, klɔa asi kple afɔ, abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. Azɔ la, Mose tɔ kpɔ ƒo xlã nɔƒe la kple vɔsamlekpui la, eye wòtsi xɔmemɔnuvɔ ɖe nɔƒe la ƒe mɔnu. Ale Mose wu eƒe dɔ la nu mlɔeba. Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ agbadɔ la me Tete lilikpo la tsyɔ Mawu ƒe agbadɔ la dzi eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ eme. Mose mete ŋu ge ɖe eme o, elabena lilikpo la nɔ afi ma, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ agbadɔ la me fũu. Ne lilikpo la ho, eye wòɖe zɔ la, Israelviwo yia mɔzɔzɔ la dzi, dzea eyome. Ke ne lilikpo la tɔ la, woawo hã wotɔna va se ɖe esime lilikpo la gaɖe zɔ. Yehowa ƒe lilikpo la tɔna ɖe agbadɔ la dzi le ŋkeke me. Ke le zã me la, dzo klẽna le lilikpo la me, ale be Israelviwo katã nate ŋu akpɔe. Nu sia yi edzi le woƒe mɔzɔzɔwo katã me.