- Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020 Ester Ester ƒe agbalẽ Ester Est Ester ƒe agbalẽ Fia la gbe Fianyɔnu Vasti Fia Ahasuerus nye fia ɖe Media kple Persianyigbawo dzi. Eɖu fia ɖe dukɔ alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-adre (127) dzi, tso India yi keke Kus. Le ɣe ma ɣi me la, Fia Ahasuerus nɔ eƒe fiazikpui dzi le Susa mɔ gã la me. Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la, eɖo kplɔ̃ gã aɖe ɖe Susa fiasã la me. Ekpe bubumewo, fiaŋumewo kple aʋakplɔlawo kple ame ŋkutawo tso Media kple Persia ƒe nutowo katã me. Woɖu ŋkekenyui sia ŋkeke alafa ɖeka kple blaenyi (180) sɔŋ, eye wòɖe dziɖuɖu ƒe kesinɔnuwo kple bubu fia. Esi wowu ŋkekenyui gã sia ɖuɖu nu la, Fia la ɖo kplɔ̃ tɔxɛ na fiasã la me nɔlawo, amegãwo kple subɔlawo siaa, ŋkeke adre le xɔxɔnu si le abɔ la ŋgɔ le Susa mɔ gã la me. Wotsi avɔ, ɣitɔ kple blɔtɔ siwo ŋu wosa aklala kple aɖabɛ dzĩtɔ ƒe kawo ɖo la ɖe klosalosigɛ siwo wowɔ ɖe sɔti siwo wotu kple kpe xɔasiwo me la ŋu. Sikazikpuiwo kple klosalozikpuiwo nɔ gbadzaƒe si wowɔ kple kpe xɔasi yibɔtɔwo, dzĩtɔwo, ɣitɔwo kple aŋgbaɖiɖitɔwo. Wona wain ameawo ɖe sikakplu siwo to vovo tso wo nɔewo gbɔ la me. Wain si fia la na amewo la sɔ gbɔ ŋutɔ. Le fia la ƒe sedede nu la, ame sia ame ano wain agbɔsɔsɔ si eya ŋutɔ di be yeano la. Fia la ɖo na eƒe ahakulawo be woaɖe asi le ame sia ame ŋu wòawɔ nu si dze eŋu. Fianyɔnu Vasti hã ɖo kplɔ̃ gã aɖe na nyɔnu siwo nɔ Fia Ahasuerus ƒe fiasã la me ɣe ma ɣi tututu. Le ŋkeke adrea gbe esime wain na be Fia Ahasuerus mu aha afã kple afã, eye wònɔ dzidzɔ kpɔm la, eyɔ ŋutsusubɔla adre siwo wotia be woanɔ esubɔm la va eɖokui gbɔe. Ame siawoe nye Mehuman, Bizta, Harbona, Bigta, Abagta, Zetar kple Karkas. Fia la ɖe gbe na wo be woakplɔ Fianyɔnu Vasti vɛ, wòaɖɔ eƒe fiakuku, ale be ameawo katã nakpɔ eƒe tugbedzedze. Nyateƒe, Fianyɔnu Vasti dze tugbe ŋutɔŋutɔ. Ke esi dɔlawo gblɔ nɛ be fia la be wòava la, egbe meyi o. Fia la do dɔmedzoe ŋutɔ. Ke asi wònye woƒe kɔnu be fia la naxɔ aɖaŋu le se kple afiatsotso ƒe nyawo me le ame siwo nya se nyuie gbɔ la, eƒo nu kple nunyala siwo se ɣeyiɣiawo gɔme nyuie. Fiaŋume siwo fia la ƒo nu kplii la woe nye, Karsena, Setar, Admata, Tarsis, Meres, Marsena kple Memukan. Ame adre siawoe nye Persia kple Media bubumewo, wonye ame siwo tena ɖe fia la ŋu kpokploe, eye wonye ame siwo si ɖoƒe kɔkɔtɔwo kekeake le le fiaɖuƒe la me. Fia la bia wo be, “Le sea nu ɖe, nu ka wòle be woawɔ Fianyɔnu Vasti? Mewɔ ɖe gbe si Fia Ahasuerus ɖo ɖee to ŋutsu tatawo dzi la dzi o.” Memukan ƒo nu ɖe bubumeawo nu gblɔ be, “Fianyɔnu Vasti da vo, menye ɖe fia la ɖeɖe ko ŋu o, ke boŋ ɖe fiaŋume ɖe sia ɖe kple ame sia ame si le Fia Ahasuerus ƒe fiaɖuƒea me la ŋu. Ne Persia kple Media nyɔnu ɖe sia ɖe se nu si Fianyɔnu Vasti wɔ ɖe fia la ŋu la, woade asi aglãdzedze me ɖe wo srɔ̃wo ŋu, eye wòagblɔ be Fia Ahasuerus ɖe gbe be woakplɔ Fianyɔnu Vasti va ye ŋkume, gake egbe vava. Hafi zã nado la, mí, wò aɖaŋuɖolawo katã srɔ̃wo ase nu si fiasrɔ̃ la wɔ, eye woade asi nuƒoƒo me na mí bubumewo, wo srɔ̃wo hã nenema tututu, ekema vlodoame kple dɔmedzoe koe anɔ wò fiaɖuƒe blibo la me. Nuwuwu manɔ anyi na amemabumabu kple tɔtɔ sia o, eya ta míele edom ɖa be, ne fia la lɔ̃ la, ekema nàde se tɔxɛ aɖe na Mediatɔwo kple Persiatɔwo, se si womate ŋu atrɔ gbeɖegbeɖe o la, be Fianyɔnu Vasti magado ɖe Fia Ahasuerus ŋkume gbeɖegbeɖe o, eye nàtia fianyɔnu bubu si nyo wu Vasti. Ne wode se sia le wò fiaɖuƒe gã la me la, nyɔnuwo ade bubu wo srɔ̃ŋutsuwo ŋu tso tsitsiawo dzi va se ɖe ɖeviawo dzi.” Fia la kple eƒe aɖaŋuɖolawo kpɔ ŋudzedze le Memukan ƒe aɖaŋuɖoɖo la ŋu, ale fia la wɔ ɖe Memukan ƒe susu la dzi. Woɖo agbalẽwo ɖe nuto ɖe sia ɖe me le fiaɖuƒe la me le gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me, eye wote gbe ɖe edzi le gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me be ŋutsu ɖe sia ɖe naɖu eƒe aƒe dzi, eye wòana ame sia ame nade bubu eŋu abe aƒea ƒe tatɔ ene. Ester zu Fiasrɔ̃ Esi Fia Ahasuerus ƒe dziku nu fa la, ede asi tamebubu me le ale si Vasti bu ɖee la ŋu. Enya be yemagakpɔe akpɔ o ɖe se si wòde ɖe eŋuti la ta. Ale eŋumewo gblɔ nɛ be, “Na míayi aɖadi ɖetugbi dzetugbetɔwo le fiaɖuƒe blibo la me akplɔ vɛ na wò. Fia la netɔ asi ame siwo anɔ dɔ sia nu le nuto ɖe sia ɖe me la dzi be woakplɔ ɖetugbi dzetugbe siawo ava nyɔnuwo ƒe nɔƒe le Susa fiasã la me. Na woanɔ Hegai, ame si nye fia la ƒe ŋutsu tata la ƒe dzikpɔkpɔ te, elabena eyae kpɔa nyɔnuwo dzi, eye wòanɔ atike ʋeʋĩ siwo nana nyɔnu dzea tugbe la sim na wo, eye le esia megbe la, ɖetugbi si adze ŋuwò wu la, azu fianyɔnu ɖe Vasti teƒe.” Aɖaŋuɖoɖo la dze fia la ŋu, eya ta wòwɔ ɖe edzi. Yudatɔ aɖe nɔ Susa fiasã la me, eŋkɔe nye Mordekai. Fofoae nye Yair, ame si fofoe nye Simei, ame si nye Kis, Benyamintɔ la ƒe vi. Wolée esime Nebukadnezar gbã Yerusalem, eye wòɖe aboyoe kpe ɖe Yuda fia Yehoyatsin kple ame bubu geɖewo ŋu va Babilonia. Vinyɔnu dzetugbe aɖe nɔ Mordekai tɔɖia si. Eŋkɔe nye Hadasa, gake wogayɔnɛ be Ester. Fofoa kple dadaa ku, eya ta Mordekai xɔe, eye wònyii abe eya ŋutɔ ƒe vinyɔnu ene. Ale le fia la ƒe sedede nu la, wokplɔ ɖetugbi geɖewo yi nyɔnuwo ƒe nɔƒe la le Susa fiasã la me, eye wotsɔ wo de Hegai ƒe dzikpɔkpɔ te. Wokplɔ Ester hã va fiasã la me, eye wotsɔ eya hã de nyɔnuwo dzi kpɔla, Hegai ƒe dzikpɔkpɔ te. Hegai, fiasrɔ̃wo dzikpɔla la kpɔ ŋudzedze blibo le Ester ŋu, eye wòwɔ nu sia nu si ana wòakpɔ dzidzɔ la nɛ. Ena woɖaa nu tɔxɛwo nɛ, eye wosiaa tugbedzetikewo nɛ. Etsɔ nyɔnuvi adre nɛ tso fiasã la me be woanye eƒe subɔlawo. Hegai tsɔ teƒe nyuitɔ wu le nyɔnuwo ƒe nɔƒe la nɛ. Ke Ester megblɔ na ame aɖeke kpɔ be Yudatɔ yenye o, elabena Mordekai de se nɛ. Hegai vaa nyɔnuwo ƒe nɔƒe la va biaa Ester ƒe agbe ta se. Hafi wòaɖo ɖetugbi aɖe dzi woakplɔe ayi ɖe Fia Ahasuerus ŋkumee la, ele be wòato tugbedzetike ʋeʋĩwo sisi me ɣleti wuieve abe ale si woɖoe na nyɔnuwoe ene. Woasi mir nyui nɛ ɣleti ade, eye woasi ami ʋeʋĩ kple atike bubuwo hã nɛ ɣleti ade. Ale si wòawɔ hafi ayi ɖe fia la gbɔe nye esi: Nu sia nu si ɖetugbi la bia la, woatsɔe nɛ le nyɔnuwo ƒe nɔƒe la be wòatsɔ ayi ɖe fiasã la mee. Le fiẽ me la, ayi ɖe fia la gbɔ, atrɔ gbɔ le ŋdi, ayi nyɔnuwo ƒe nɔƒe la ƒe akpa bubu si le ŋutsu tata Saasgaz ƒe dzikpɔkpɔ te, ame si kpɔa fia la ƒe ahiãviwo dzi. Ɖetugbi la magatrɔ ayi ɖe fia la gbɔ o, negbe eƒe nu nyo fia la ŋu, eye wòna woyɔe nɛ hafi. Esi wòɖo Ester, Mordekai tɔɖia Abihail ƒe vi, ame si Mordekai xɔ abe eya ŋutɔ ƒe vi ene dzi be wòadɔ fia la gbɔ la, mebia naneke o; ewɔ ɖe Hegai, ame si nye nyɔnuwo dzi kpɔla la ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi, eye wòdo awu abe ale si Hegai ɖo nɛ ene. Ɖetugbi bubuawo do dzidzɔɣli esi wokpɔe. Ale wokplɔ Ester yi na Fia Ahasuerus le ɣleti ewolia si woyɔna be Tebet la me le fia la ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe adrelia me. Fia la lɔ̃ Ester wu ɖetugbiawo dometɔ ɖe sia ɖe. Ekpɔ dzidzɔ le eŋu ale gbegbe be wòɖɔ fiakuku la nɛ, eye wòna wòzu fianyɔnu ɖe Vasti teƒe. Fia la gaɖo kplɔ̃ gã aɖe na Ester kple eƒe bubumewo kple dɔnunɔlawo. Etsɔ nunana na ame sia ame, eye wòna ga eƒe nutowo tso adzɔ siwo wodzɔna nɛ la me. Mordekai se nugbeɖoɖo ɖe fia la ŋu Le esia megbe la, hafi woakplɔ Ester kple ɖetugbi bubuawo ayi fiasrɔ̃wo ƒe nɔƒe zi evelia la, Mordekai zu fiaŋumewo dometɔ ɖeka, eye wònɔ fia la ƒe agbo nu. Va se ɖe ɣe ma ɣi hã la, Ester megblɔ na ame aɖeke kpɔ be Yudatɔe yenye o, elabena egalé Mordekai ƒe sewo me ɖe asi abe ale si wòwɔ le Mordekai ƒe aƒe me ene. Gbe ɖeka la, esime Mordekai nɔ dɔ wɔm le fiasã la me la, ŋutsu eve siwo nye fia la ƒe nyɔnuwo dzi kpɔlawo, Bigtan kple Teres, ame siwo nɔ fiasã la ƒe agboa nu dzɔm la do dɔmedzoe ɖe fia la ŋu, eye woɖo be yewoawu Fia Ahasuerus. Mordekai se woƒe ɖoɖo la, eye wòfi tofi na Fianyɔnu Ester tso eŋu. Ester hã ka nya la ta na fia la, eye wòna fia la nya be Mordekai ye fi tofi la na ye. Woto nya la me, tso kufia na ame eveawo, eye wode ka ve na wo. Woŋlɔ nyadzɔdzɔ sia ɖe Fia Ahasuerus ƒe fiaɖuɖu ƒe ŋutinya me. Haman wɔ ɖoɖo be yeatsrɔ̃ Yudatɔwo Le nu siawo megbe la, Fia Ahasuerus do Haman, ame si nye Hamedata, Agagitɔ ƒe vi la, ɖe ŋgɔ wòzu dukɔkplɔlawo dometɔ gãtɔ. Eyae nye ame si kplɔ fia la ɖo le ŋusẽkpɔkpɔ me le fiaɖuƒe blibo la me. Azɔ la, ame sia ame si le fiasã la ƒe agbo nu la bɔbɔna, dea ta agu na Haman ne eva yina, le Fia Ahasuerus ƒe sedede nu. Mordekai ya gbe, mebɔbɔna dea ta agu na Haman o. Esia ta, dɔnunɔla siwo nɔ fia la ƒe agbo nu la bia Mordekai be, “Nu ka ta nèle fia la ƒe se dzi dam ɖo?” Azɔ gbe sia gbe woƒonɛ ɖe enu, gake egbe be yemawɔe o. Ale wogblɔ nya la na Haman ne woakpɔe ɖa be, Mordekai ƒe wɔnawo ado dzidzɔ nɛ hã, elabena Mordekai na wonya be Yudatɔe yenye. Esi Haman kpɔ be Mordekai mele klalo be yeade ta agu na ye alo ade bubu ye ŋu o la, dzi kui vevie ŋutɔ. Ke esi wònya Mordekai kple eƒe amewo ta la, susu be woawu eya ɖeka la nye nu sue aɖe ko nɛ, eya ta Haman di mɔ nyuitɔ si dzi wòato atsrɔ̃ Yudatɔwo katã, ame siwo nye Mordekai ƒe amewo le Fia Ahasuerus ƒe fiaɖuƒe la katã me. Le Fia Ahasuerus ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuievelia me le ɣleti gbãtɔ, Nisan me la, woda akɔ si woyɔna be, pur la le Haman ŋkume be woatia ɣleti aɖe kple eƒe ŋkeke aɖe. Wotia ɣleti wuievelia si nye Adar. Tete Haman te ɖe Fia Ahasuerus ŋu, eye wògblɔ nɛ be, “Dukɔ tɔxɛ aɖe me tɔwo kaka ɖe wò fiaɖuƒe la ƒe nutowo katã me. Woƒe sewo to vovo tso dukɔ ɖe sia ɖe tɔ gbɔ. Gawu la, womewɔa fia la ƒe sewo dzi o, eya ta mede fia la dzi ne wòaɖe asi le wo ŋu be woanɔ agbe o. Ne edze fia ŋu la, ekema nàɖe gbe be woatsrɔ̃ wo katã. Mada klosalo tɔn alafa etɔ̃ kple blaene-vɔ-atɔ̃ (345) atsɔ ade fia la ƒe gakotoku me ne woatsɔ axe fee na ŋutsu gadzraɖoƒe la dzikpɔla be woatsɔ axe fe na ame siwo awɔ dɔ sia.” Fia la lɔ̃ ɖe susu sia dzi. Eɖe eƒe ŋkɔsigɛ le eƒe asibidɛ ŋu hetsɔ na Haman, Hamedata, Agagitɔ la ƒe vi, Yudatɔwo ƒe futɔ la, abe kpeɖoɖo nya sia dzi ƒe dzesi ene. Fia la gblɔ na Haman be, “Wò ga la nenɔ anyi ko, gake wɔ nu si dze ŋuwò, eye wònyo na wò kple ame siawo la.” Le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuietɔ̃lia dzi la, woyɔ agbalẽŋlɔla siwo katã le fiasã me la ƒo ƒu, woŋlɔ agbalẽ ɖe nuto ɖe sia ɖe ƒe gbegbɔgblɔ me kple gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe si wogblɔna le fiaɖuƒe la me la me. Wowɔe ɖe Haman ƒe sedede nu na fia la ƒe dɔnunɔlawo, mɔmefia siwo le nutowo me dzi kpɔm kple gbegbɔgblɔ vovovowo ƒe ame ŋkutawo. Woŋlɔ lɛta la ɖe Fia Ahasuerus ƒe ŋkɔ me, eye wotsɔ eƒe ŋkɔsigɛ de ete. Wotsɔ agbalẽa na dɔtsɔlawo be woatsɔ ayi nuto ɖe sia ɖe me le fiaɖuƒe blibo la me, ale be woaɖe gbe be woawu Yudatɔwo katã, ɖeviwo kple ame tsitsiwo, nyɔnuwo kple vidzĩwo siaa le ɣleti wuievelia, Ada ƒe ŋkeke wuietɔ̃lia dzi, eye woaha woƒe nuwo abe afunyinuwo ene. Wogblɔ kpe ɖe ɖoɖo sia ŋu be, “Miɖe gbeƒã se sia le miaƒe nuto ɖe sia ɖe me, eye miana ame sia ame nanya nu tso eŋu, ale be wòawɔ eƒe dɔdeasi le ŋkeke ɖoɖo la dzi.” Woɖo agbalẽwo ɖa to fia la ƒe dɔtsɔla zazɛ̃tɔwo dzi le gbeƒãɖeɖe le Susa du la me megbe. Fia Ahasuerus kple Haman wonɔ anyi nɔ aha nom esime vɔvɔ̃ lé amewo, eye ʋunyaʋunya dzɔ le du blibo la me. Mordekai ɖe kuku na Ester be wòana kpekpeɖeŋu Esi Mordekai se nya si dzɔ la, edze eƒe awuwo, ta akpanya, si dzowɔ ɖe ŋuti, eye wòyi dua me henɔ avi fam sesĩe nublanuitɔe. Etsi tsitre ɖe fiasã la ƒe agbo nu, elabena womeɖe mɔ be ame aɖeke nanɔ akpanya me age ɖe fiasã la me o. Yudatɔwo ta akpanya mlɔ afi ma, tsi nu dɔ, fa avi kple ɣli, eye dzi ɖe le wo ƒo le nutowo katã me le anyigba blibo la dzi le ɖoɖo si fia la wɔ la ta. Esi Ester ƒe nyɔnudɔlawo kple ŋutsu tata siwo le edzi kpɔm la va gblɔ nu si Mordekai nɔ wɔwɔm nɛ la, exa nu, eye wòɖo awuwo ɖee be wòatsɔ aɖɔli akpanya si wòta la, gake melɔ̃ o. Azɔ Ester ɖo Hatak, ŋutsu tata si wotia be wòasubɔe la ɖa be wòayi Mordekai gbɔ, abia nu si le fu ɖem nɛ kple nu si tae. Ale Hatak do go yi ablɔ dzi, eye wòkpɔ Mordekai le fiasã la ƒe agboa godo. Tete Mordekai gblɔ nu siwo katã dzɔ la nɛ kple ga home si ŋugbe Haman do be yeatsɔ ade fia la ƒe gadzraɖoƒe me hena Yudatɔwo wuwu. Mordekai tsɔ agbalẽ si me fia la ƒe se si wòde le Susa be woatsrɔ̃ Yudatɔwo katã le la na Hatak, eye wòbia tso esi be wòatsɔe afia Ester. Egblɔ na Hatak be wòagblɔ nya si dzɔ la na Ester, eye wòabia tso esi be wòayi fia la gbɔ, aɖe kuku nɛ be wòakpɔ nublanui na eƒe amewo. Ale Hatak trɔ yi Ester gbɔ, eye wògblɔ nya si Mordekai be wòagblɔ nɛ la nɛ. Ester gblɔ na Hatak be wòayi aɖagblɔ na Mordekai be, “Fia la ƒe dɔnunɔlawo katã kple ame siwo katã le nutowo me la nya be ne ŋutsu alo nyɔnu aɖe yi ɖe fia la gbɔ le xɔ titinatɔ me, evɔ fia la meyɔe o la, se ɖeka si le nu sia ŋuti koe nye be woawu amea. Negbe ɖeko fia la tsɔ eƒe sikatikplɔ ɖo ɖee hafi wòaɖe eƒe agbe. Ke ŋkeke blaetɔ̃e nye esi fia la meɖo du ɖem o.” Ale Hatak yi ɖagblɔ Ester ƒe nya la na Mordekai, eye Mordekai ɖo eŋu ɖo ɖe Ester be, “Ɖe nèbu be ye ya yeanɔ dedie le afi ma, le fiasã la me, ne wowu Yudatɔwo katã? Ne èzi ɖoɖoe le ɣeyiɣi sia tɔgbi me la, Mawu ato mɔ bubu aɖe dzi aɖe Yudatɔwo, ke wò kple fofowò ƒe aƒemetɔwo miatsrɔ̃. Gawu la, ame kae nya be Mawu ŋutɔe da wò ɖe teƒe sia le fiasã la me le ɣeyiɣi sia tɔgbi me?” Ester ɖo ame ɖa be woagblɔ na Mordekai be: “Yi nàƒo Yudatɔ siwo katã le Susa la nu ƒu, eye miatsi nu dɔ ɖe tanye, migaɖu nu alo miano nu o, ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃. Nye kple nye subɔlawo hã míawɔ nenema ke. Ekema, togbɔ be wode se sesẽ aɖe ɖe eŋu hã la, mayi aɖakpɔ fia la kpɔ. Ne meku la, maku faa!” Ale Mordekai wɔ nu si Ester ɖo nɛ. Ester ƒo koko na Fia la Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Ester do eƒe fiawu, eye wòyi fiasã la ƒe xɔxɔnu emetɔ me le afi si amewo ƒoa ƒu ɖo le fiasã la me la ŋgɔ. Fia la nɔ eƒe fiazikpui dzi le afi ma hedze ŋgɔ mɔa nu. Esi wòkpɔ Fianyɔnu Ester wòtsi tsitre ɖe afi ma la, edo dzaa nɛ, eye wòtsɔ sikafiatikplɔ si wolé ɖe asi la do ɖee. Ale Ester te ɖe eŋu, eye wòlé fiatikplɔ la tame. Fia la biae be, “Nu kae nye wò didi, Fianyɔnu Ester? Nu ka nàbia? Nu sia nu si nàbia la, mana wò, ne èbia nye fiaɖuƒe la ƒe afã gɔ̃ hã, matsɔe na wò!” Ester ɖo eŋu be, “Ne edze ŋuwò la, medi be wò kple Haman miava kplɔ̃ si meɖo na wò egbe la ŋu.” Fia la gblɔ na eƒe subɔlawo be, “Miyi miagblɔ na Haman be wòaɖe abla ava, ale be miawɔ ɖe Ester ƒe didi dzi.” Ale fia la kple Haman woyi kplɔ̃ si Ester ɖo la ŋu. Esi wonɔ wain nom la, fia la gblɔ na Ester be, “Gblɔ nu si tututu nèhiã la nam azɔ, eye matsɔe na wò, ne èbia nye fiaɖuƒe la ƒe afã gɔ̃ hã, matsɔe na wò!” Ester ɖo eŋu be, “Esiae nye nye biabia kple kukuɖeɖe. Nenye be fia la nyo dɔ me nam, eye nenye be edze fia la ŋu be wòawɔ ɖe nye didi kple biabia dzi la, ekema fia la kple Haman negava ɖu nu le kplɔ̃ si maɖo na wò etsɔ la ŋu. Ekema maɖo fia la ƒe biabia ŋu nɛ.” Haman do dɔmedzoe ɖe Mordekai ŋu Esi wokaka le kplɔ̃a ŋu la, Haman dzo kple dzidzɔ gã aɖe. Esi wòkpɔ Mordekai le agboa nu, eye Mordekai metsi tsitre alo dzo nyanyanya le eŋkume o la, edo dɔmedzoe ŋutɔ. Ke eɖu eɖokui dzi, yi aƒe me, eye wòyɔ exɔlɔ̃wo kple srɔ̃a Zeres. Eƒo adegbe le eƒe gakpɔkpɔ vivivo, viŋutsuwo ƒe agbɔsɔsɔ, ale si fia la doe ɖe dzii kple ale si wòzu ame gãtɔ si kplɔ fia la ɖo le fiaɖuƒe la me la ŋu. Eyi edzi be, “Ɛ̃, menye ema koe o; Fianyɔnu Ester kpe nye kple fia la ɖeɖe pɛ ko ɖe kplɔ̃ si wòɖo na mí la ŋu. Gawu la, egakpe mí na etsɔ hã! Ke esiawo katã maɖi ƒo nam o, zi ale si Mordekai, Yudatɔ ma nɔ anyi ɖe fia la ƒe agbo nu mele kpɔkpɔm.” Zeres, Haman srɔ̃ kple Haman xɔlɔ̃wo katã gblɔ nɛ be, “Enyo; tu kadeveti aɖe wòakɔ mita blaeve-vɔ-etɔ̃. Ne ŋu ke la, nàbia fia la be wòana mɔ wò nade ka ve na Mordekai ɖe kadeveti la ŋu. Ne èwɔ esia vɔ la, ekema àte ŋu agayi kplɔ̃ la ŋu kple fia la kple dzidzɔ.” Aɖaŋu sia dze Haman ŋu ŋutɔ, eya ta wòna wotu kadeveti la. Wode bubu Mordekai ŋu Fia Ahasuerus mete ŋu dɔ alɔ̃ le gbe ma gbe ƒe zã me o, eya ta wòna wotsɔ fiasã la ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ, si ku ɖe eƒe dziɖuɖu ƒe ɣeyiɣiwo ŋuti vɛ be woaxlẽ nɛ. Woke ɖe eŋu le agbalẽ la me be, Bigtan kple Teres, fia la ƒe nyɔnuwo dzi kpɔlawo kple agbonudzɔla eve wowɔ ɖoɖo ɖe Fia Zerzes wuwu ŋuti, eye Mordekai na fia la nya. Fia la bia eƒe aɖaŋudelawo be, “Nu ka tututue míena Mordekai le nyanyanana sia ta?” Eƒe aɖaŋudelawo ɖo eŋu be, “Womena nanekee o!” Fia la bia be, “Ame kae le xɔxɔnu afi ma?” Eva eme be Haman va ɖo afi ma teti be yeabia fia la be wòaɖe mɔ na ye yeade ka ve na Mordekai ɖe kadeveti si tum yenɔ la ŋu. Aɖaŋudelawo ɖo eŋu na fia la be, “Ame si le afi ma lae nye Haman.” Fia la ɖe gbe be, “Miyɔe ɖa.” Ale Haman yi fia la gbɔ, eye fia la biae be, “Nu ka woawɔ atsɔ ade bubu ame aɖe si ŋu mekpɔ ŋudzedze tɔxɛ le la?” Tete Haman bu le eƒe ta me be, “Ame ka gɔ̃ ŋu fia la ade bubui ne menye nye ko oa?” Ale wòɖo eŋu na fia la be, “Hena ame si ƒe nu do dzidzɔ na fia la, eye wòdi be yeade bubu eŋu la, fia la nana woatsɔ fiawu ado nɛ, wòana wòado fia la ƒe sɔ, woaɖɔ fia la ƒe fiakuku nɛ. Ekema fia la nana woatsɔ fiawu la kple fia la ƒe sɔ la ade asi na fia la ƒe bubume ɖeka. Fia la nana wodoa fiawu la na ame si ƒe nu do dzidzɔ nɛ wòbe yeade bubu eŋu, ekema bubume la anɔ sɔ la ŋgɔ, woato dua ƒe ablɔwo dzi, eye bubume la nanɔ gbeƒã ɖem le eŋgɔ be, ‘Esiae nye nu si wowɔ na ŋutsu si ƒe nu nyo fia la ŋu, eye wòde bubu eŋu.’ ” Fia la gblɔ na Haman be, “Enyo ŋutɔ! Ɖe abla nàtsɔ fiawu la kple nye sɔ la, eye nàwɔ nu si nègblɔ la tututu na Mordekai, Yudatɔ, ame si nɔa agboa nu. Wɔ nu sia abe ale si nègblɔe ene la pɛpɛpɛ!” Ale Haman tsɔ fiawu la do na Mordekai, ena wòdo fia la ŋutɔ ƒe sɔ, eye wòkplɔe to dua ƒe ablɔwo dzi, nɔ ɣli dom le eŋgɔ be, “Esiae nye nu si wowɔ na ŋutsu si ƒe nu nyo fia la ŋu, eye wòde bubu eŋu!” Le esia megbe la, Mordekai trɔ yi eƒe dɔwɔƒe, ke Haman ɖe abla yi aƒe me kple nuxaxa blibo. Egblɔ nu siwo katã va dzɔ ɖe edzi la na srɔ̃a, Zeres kple exɔlɔ̃wo. Eƒe aɖaŋuɖolawo kple srɔ̃a wogblɔ nɛ be, “Zi ale si Mordekai, ame si dzi wò anyidzedze dze egɔme tsoe nye Yudatɔ la, màte ŋu anɔ te ɖe enu o; vavã àtsrɔ̃ godoo!” Esime woganɔ ŋugble dem tso nya sia ŋu kplii la, fia la ƒe ame dɔdɔawo va kplɔ Haman yi Ester ƒe kplɔ̃ si wòɖo la ŋu. Wode ka ve na Haman Ale Haman kple Fia Ahasuerus va kplɔ̃ si Ester ɖo la ŋu. Fia la gabia Ester esi wonɔ wain nom la be, “Nu kae nèdi be yeabia, Fianyɔnu Ester? Nu ka nèdi? Nu sia nu si wòanye la, matsɔe na wò, ne anye nye fiaɖuƒe la ƒe afãe gɔ̃ hã la, mana wò!” Fianyɔnu Ester ɖo eŋu azɔ be, “Nenye be nye nu nyo ŋuwò, O! Fia bubutɔ, ne edze ŋuwò la, ɖe nye agbe. Esiae nye nye kukuɖeɖe, eye nàve nye amewo, Yudatɔwo hã nu. Esiae nye nye biabia, elabena wotsɔ nye kple nye amewo dzra be woagbã mi, woawu mí, eye woatsrɔ̃ mi, gake ne woadzra mí míazu kluviwo kple kosiviwo ɖeɖe ko la, anye ne mazi ɖoɖoe, gake nunana si ŋugbe futɔ la do la, made nu gbogbo siwo fia la abu la nu o.” Fia Ahasuerus bia Fiasrɔ̃ Ester be, “Ame kae? Afi ka ŋutsu si dɔ eɖokui be yeawɔ nu sia la le?” Ester ɖo eŋu be, “Míaƒe futɔ kple ketɔ lae nye Haman vɔ̃ɖi sia.” Tete vɔvɔ̃ na Haman ɖi vo, eye eƒe mo da tu le fia la kple fiasrɔ̃ la ƒe ŋkume. Fia la tsi tsitre enumake kple dziku le eƒe wain gbɔ, eye wòyi fiasã la ƒe abɔ me. Esi Haman kpɔ be fia la ɖo nugbe ɖe ye ŋu xoxo la, etsi kplɔ̃a ŋu be yeaɖe kuku na Fiasrɔ̃ Ester ɖe yeƒe agbe ta. Esi fia la trɔ gbɔ tso fiasã la ƒe abɔ me hege ɖe kplɔ̃ɖoƒe la ko la, ekpɔ Haman wòmu dze Fiasrɔ̃ Ester dzi le zikpui legbe si dzi wòdze ŋe ɖo la dzi. Fia la blu be, “Aa! Ɖe wòle asi de ge fiasrɔ̃ la ŋu esi wòli kplim le nye aƒe mea?” Fia la mekpɔ wu nuƒo la nu hafi wova tsɔ nu tsyɔ mo na Haman o. Harbona, fia la ƒe subɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Fia bubutɔ, Haman na wotu kadeveti aɖe si kɔ mita blaeve-vɔ-etɔ̃ la ɖe Mordekai, ame si ɖe fia la ƒe agbe la ŋu, ele Haman ƒe aƒe ƒe xɔxɔnu.” Fia la ɖe gbe be, “Mide ka ve na Haman ɖe kadeveti la ŋu!” Ale wode ka ve nɛ ɖe kadeveti si wòtu na Mordekai la ŋu, eye fia la ƒe dziku nu fa. Fia ƒe sedede tso Yudatɔwo ŋu Gbe ma gbe ke la, Fia Ahasuerus tsɔ Haman, Yudatɔwo ƒe futɔ la ƒe nunɔamesiwo katã na Fianyɔnu Ester. Woyɔ Mordekai va fia la ŋkume, elabena Ester gblɔ ale si eya kple Mordekai wodo ƒomee la nɛ. Fia la ɖe eƒe ŋkɔsigɛ si wògbugbɔ xɔ le Haman si la, eye wòtsɔe na Mordekai. Fianyɔnu Ester tsɔe ɖo Haman ƒe kesinɔnuwo katã nu. Ester gava fia la ŋkume, dze klo ɖe eƒe afɔ nu, eye wòɖe kuku nɛ kple avi be wòatsi nugbe si Haman, Agagitɔ la ɖo ɖe Yudatɔwo ŋu la nu. Fia la galé sikafiatikplɔ la do ɖe Ester gbɔ, ale Ester tsi tsitre ɖe fia la ŋkume. Egblɔ be, “Ne edze fia la ŋu, eye wòve nunye hebui be enye nu nyui yeawɔ, eye ne nye nu nyo fia la ŋu la, na be woaŋlɔ agbalẽ bubu atsɔ ate fli ɖe ɖoɖo si Hamedata ƒe vi, Haman, Agagitɔ la wɔ heŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe amewo le fiaɖuƒe la katã me be woatsrɔ̃ Yudatɔwo la me, elabena nyemate ŋu atsɔ gbegblẽ si ava nye amewo dzi alo atsɔ nye ƒometɔwo ƒe tsɔtsrɔ̃ o.” Fia Ahasuerus ɖo eŋu na Fiasrɔ̃ Ester kple Mordekai, Yudatɔ la be, “Esi Haman tso ɖe Yudatɔwo ŋuti ta la, mexɔ eƒe nunɔamesiwo katã tsɔ na Ester, eye mena wode ka ve na eya ŋutɔ. Azɔ la, ŋlɔ agbalẽ ɖe fia la ƒe ŋkɔ me ɖe Yudatɔwo katã nu; ŋlɔ nya sia nya si nàdi be yeagblɔ la le fia la ƒe ŋkɔ me, eye nàtre agbalẽ la nu kple nye ŋkɔsigɛ ale be womagate ŋu atrɔe o, elabena nu sia nu si woŋlɔ ɖe fia la ƒe ŋkɔ me, eye wotre enu kple eƒe ŋkɔsigɛ la, womate ŋu atrɔe gbeɖe o.” Enumake woyɔ agbalẽŋlɔla siwo le fia la ƒe dɔ me la vɛ le ɣleti etɔ̃lia si woyɔna be, Sivan la ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-etɔ̃a gbe. Azɔ woŋlɔ Mordekai ƒe gbedeasi siwo ɖom wòle ɖe Yudatɔwo, dumegãwo, mɔmefiawo kple bubume siwo le nuto alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-adre (127) si keke tso India yi ɖase ɖe Kus ƒe liƒowo dzi ke la me. Woŋlɔ gbedeasi siawo ɖe nuto ɖe sia ɖe ƒe gbegbɔgblɔ me, eye woŋlɔe na Yudatɔwo hã ɖe woƒe degbe me. Mordekai ŋlɔ agbalẽ la ɖe Fia Ahasuerus ƒe ŋkɔ me, eye wòtsɔ eƒe ŋkɔsigɛ ɖo ete hetsɔe de asi na fia la ƒe dɔla siwo doa sɔ siwo ɖea abla, vevietɔ sɔ siwo womla koŋ hena fia la ƒe ŋu dɔ wɔwɔ. Fia la ƒe sedede ɖe mɔ na Yudatɔwo le du ɖe sia ɖe me be wokpɔ mɔ aƒo ƒu, eye woaʋli wo ɖokuiwo ta. Wokpɔ mɔ hã be woagblẽ nu, awu alo atsrɔ̃ asrafoha ɖe sia ɖe tso dukɔ alo to ɖe sia ɖe me, esiwo ke aho aʋa ɖe woawo ŋutɔ kple wo srɔ̃wo kple wo viwo ŋu, eye woaha woƒe futɔwo ƒe nunɔamesiwo. Ŋkeke si woɖo hena Yudatɔwo ƒe nu sia wɔwɔ le Fia Ahasuerus ƒe fiaɖuƒe blibo la mee nye ɣleti wuievelia, Ada, ƒe ŋkeke wuietɔ̃a gbe. Wona be woawɔ fia la ƒe gbedeasi wòazu se le nuto ɖe sia ɖe me, eye woakakae na gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe ale be Yudatɔwo anɔ klalo le ŋkeke ma dzi ne woabia hlɔ̃ woƒe futɔwo. Ale fia la ƒe dɔtsɔlawo do fia la ƒe sɔ ɖeablawo kple du le fia la ƒe gbeɖeɖe nu. Woɖe gbeƒã sea le Susa mɔ gã la hã me. Mordekai do fiawu ɣitɔ kple blɔtɔ kple awu ʋlaya si wowɔ kple aklala kple aɖabɛ dzĩtɔ, eye wòɖɔ sikafiakuku gã la. Edzo le fia la gbɔ, eye wòyi ablɔwo dzi. Amewo nɔ ablɔawo dzi fũu, eye wonɔ dzidzɔɣli dom. Le Yudatɔwo gome ya la, enye dzidzɔ, aseyetsotso, aglotutu kple bubu ƒe ɣeyiɣi na wo. Esi fia la ƒe sedede la va ɖo du sia du kple nuto ɖe sia ɖe me la, Yudatɔwo katã kpɔ dzidzɔ, woɖu ŋkekenyui, eye womewɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o. Ame geɖewo wɔ wo ɖokuiwo Yudatɔwoe, elabena Yudatɔwo ƒe ŋɔdzi lé wo. Yudatɔwo ɖu dzi Le ɣleti wuievelia alo Ada ƒe ŋkeke wuietɔ̃lia dzi la, wowɔ ɖe se si fia la de la dzi. Le ŋkeke sia dzi la, Yudatɔwo ƒe futɔwo kpɔ mɔ be yewoaɖu wo dzi, gake azɔ la, nuwo trɔ bubui, eye Yudatɔwo ƒe alɔ yi dzi ɖe ame siwo lé fu wo la ŋu. Yudatɔwo ƒo ƒu ɖe du vovovo siwo me wonɔ la me le nuto siwo katã nɔ Fia Ahasuerus ƒe dziɖuɖu te la me be woawɔ avu kple ame siwo katã nɔ woƒe gbegblẽ dim. Ame aɖeke mete ŋu nɔ te ɖe wo nu o, elabena ame siwo tso gbegbɔgblɔ bubuwo me la nɔ vɔvɔ̃m na wo. Bubume siwo katã nɔ nutoawo me, dumegãwo, mɔmefiawo kple fia la ƒe dɔnunɔlawo kpe ɖe Yudatɔwo ŋu, elabena Mordekai ƒe ŋɔdzi lé wo katã. Mordekai nye ame ŋkuta aɖe le fiasã la me, eƒe ŋkɔ ɖi de fiaɖuƒe la ƒe akpa sia akpa, eye eƒe ŋusẽ ganɔ dzi dem ɖe edzi ɣe sia ɣi. Yudatɔwo ƒo woƒe futɔwo katã ƒu anyi, eye wowu wo kple yi hetsrɔ̃ wo. Ale wowɔ nu si dze wo ŋu la na woƒe futɔwo. Le Susa mɔ gã la me la, Yudatɔwo wu, eye wotsrɔ̃ ŋutsu alafa atɔ̃. Wowu Parsandata, Dalfon, Aspata, Porata, Adalia, Aridata, Parmasta, Arisai, Aridai kple Vaizata, ame siwo nye Hamedata ƒe viwo, Haman, Yudatɔwo ƒe futɔ la ƒe viŋutsu ewoawo, gake womeha woƒe afunyinu aɖeke o. Gbe ma gbe fiẽ la, wogblɔ ame siwo wowu le Susa mɔ gã la me ƒe xexlẽme na Fia Ahasuerus. Fia la gblɔ na Fianyɔnu Ester be, “Yudatɔwo wu ame alafa atɔ̃ (500) sɔŋ le Susa mɔ gã la me, ame siwo dome Haman ƒe viŋutsu ewoawo hã le. Ne miewɔ alea le afi sia la, mekpɔ nu si miewɔ le nye fiaɖuƒe la ƒe akpa bubuawo ɖa! Ke azɔ la, nu bubu ka dim nègale? Mawɔe na wò, gblɔe nam ko, ekema mawɔe.” Ale Ester gblɔ be, “Ne edze ŋuwò la, ekema nàɖe mɔ be Yudatɔ siwo le Susa le afii la, nagawɔ nu si wowɔ egbe la etsɔ hã, eye nàna woatsi Haman ƒe viŋutsuwo ƒe kukuawo ɖe kadeveti la ŋu.” Fia la lɔ̃, woɖe gbeƒã se si ɖe mɔ le nu sia ŋu la le Susa. Ale wotsi Haman ƒe viŋutsu ewoawo ƒe kukuawo ɖe kadeveti la ŋu. Yudatɔ siwo nɔ Susa la ƒo ƒu le ɣleti wuievelia alo Ada ƒe ŋkeke wuienea gbe, eye wogawu ame alafa etɔ̃ (300). Ke womeha ame kukuawo ƒe nuwo o. Le ɣeyiɣi sia me la, Yudatɔ siwo nɔ fiaɖuƒe la ƒe akpa bubuawo la ƒo ƒu, eye wotsrɔ̃ woƒe futɔwo katã. Wowu woƒe futɔ akpe blaadre-vɔ-atɔ̃ (75,000), gake womeha woƒe nuwo o. Wowɔ nu sia le nutoawo me le ɣleti wuievelia alo Ada ƒe ŋkeke wuietɔ̃lia dzi. Le ŋkeke wuienea gbe la, wodzudzɔ wo ɖokuiwo, eye wowɔe wònye nuɖuɖu kple nunono kpakple dzidzɔkpɔgbe. Purim ŋkekenyui la ɖuɖu Ke Yudatɔ siwo nɔ Susa la ƒo ƒu le ɣleti la ƒe ŋkeke wuietɔ̃a kple wuienea gbe, eye wodzudzɔ wo ɖokuiwo le ŋkeke wuiatɔ̃a gbe hewɔe wònye nuɖuɖu kple nunono kpakple dzidzɔkpɔgbe. Esia tae Yudatɔ siwo le kɔƒewo me la, ɖoa ŋku Ada alo ɣleti wuievelia ƒe ŋkeke wuienelia dzi heɖunɛ le dzidzɔkpɔkpɔ kple nuɖuɖu kple nunono me. Wonaa nunana wo nɔewo hã le ŋkeke ma dzi. Mordekai ŋlɔ nu tso nya siawo katã ŋuti, eye wòɖo agbalẽ la ɖe Yudatɔwo le kpuiƒe kple didiƒe siaa le Fia Ahasuerus ƒe fiaɖuƒe la me. Edo ŋusẽ wo be woaɖu ŋkekenyui sia ƒe sia ƒe le ɣleti wuievelia, Ada ƒe ŋkeke wuienelia kple wuiatɔ̃lia dzi. Woaɖu ŋkeke la abe ŋkeke si dzi woɖe Yudatɔwo tso woƒe futɔwo ƒe asi me ene, woagaɖui abe ɣleti si me woƒe vevesese trɔ zu dzidzɔkpɔkpɔ, eye woƒe konyifagbe zu aseyetsogbe la ene. Eŋlɔ na wo be woaɖu ŋkekeawo abe nuɖugbe, nunogbe kple dzidzɔkpɔgbe ene, woana nuɖuɖu wo nɔewo, eye woana nu ame dahewo hã. Ale Yudatɔwo lɔ̃ heɖua ŋkeke la abe ale si wodze egɔmee ene ɖe nu si Mordekai ŋlɔ na wo la nu. Hamedata ƒe vi, Haman, Agagitɔ, Yudatɔwo ƒe futɔ, ɖo nugbe ɖe Yudatɔwo ŋu be yeatsrɔ̃ wo, eye woka nu kple pur be yeagblẽ wo dome, atsrɔ̃ wo, gake esi nugbeɖoɖo la dze go to Ester dzi na fia la, ena woŋlɔ agbalẽ, ɖe gbe be nu vɔ̃ɖi si Haman ɖo ɖe Yudatɔwo ŋu la, neva eya ŋutɔ ƒe ta dzi, eye be eya kple viawo la, woade ka ve na wo, eya ta wona ŋkɔ ŋkekenyui sia be Purim, elabena woyɔa nukaka le Persiagbe me be pur. Le nu sia nu si woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me kple nu si wokpɔ kple nu si va dzɔ ɖe wo dzi ta la, Yudatɔ siwo katã nɔ fiaɖuƒe la me la lɔ̃ ɖe edzi be yewoadze kɔnu sia wɔwɔ gɔme, eye yewoatsɔe ade asi na yewoƒe dzidzimeviwo kple ame siwo katã azu Yudatɔwo. Woɖo be yewomagbe ŋkekenyui sia ɖuɖu le ŋkeke eve siawo dzi le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi ƒe sia ƒe o. Woɖo be wòanye nu si woawɔ ƒe sia ƒe, tso dzidzime yi dzidzime, woaɖui le ƒome ɖe sia ɖe me, le kɔƒewo kple du gãwo siaa me le fiaɖuƒe la me, ale be ŋkuɖoɖo nya si dzɔ dzi la mabu le Yudatɔwo dome alo le woƒe dzidzimeviwo dome o. Fianyɔnu Ester, Abihail ƒe vi hã ŋlɔ agbalẽ helɔ̃ ɖe agbalẽ si Mordekai ŋlɔ tso Purim ŋuti la dzi. Kpe ɖe esia ŋu la, wogaŋlɔ agbalẽ na Yudatɔwo katã, eye woɖoe ɖe nuto alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-adreawo (127) katã me le Fia Ahasuerus ƒe fiaɖuƒe la me, hedi nyui kple ŋutifafa na ame sia ame. Wodi tomefafa kple dedinɔnɔ na wo, eye woɖo na wo kple woƒe dzidzimeviwo be woaɖu Purim ŋkekenyui la le eɖuɣi tututu abe ale si wowɔa se siwo ku ɖe nutsitsidɔ kple konyifaɣiwo ŋu la dzi ene. Mordekai kple Fianyɔnu Ester siaae de se sia. Ale Ester ƒe sedede ɖo kpe ŋkeke sia dzi, eye woŋlɔe ɖe nyadzɔdzɔgbalẽ la me. Mordekai ƒe gãnyenye Fia Ahasuerus ɖo nudzɔdzɔ ame siwo le anyigba la ŋutɔ kple ame siwo le ƒukpowo gɔ̃ hã dzi la siaa dzi. Woŋlɔ Fia Ahasuerus ƒe nu gã siwo wòwɔ kple Mordekai ƒe gãnyenye kple bubu siwo fia la de eŋu la ɖe Media fiawo kple Persia fiawo ƒe Ŋutinyagbalẽ me. Mordekai, Yudatɔ la nye amegã si kplɔ Fia Ahasuerus ɖo. Exɔ ŋkɔ le Yudatɔwo dome. Wo katã wobunɛ, elabena ewɔ nu si wòate ŋui la na Yudatɔwo ƒe nyonyo kple woƒe dzidzimeviwo ƒe dedinɔnɔ.