- Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020
Efesotɔwo
Paulo ƒe agbalẽ si wòŋlɔ na Efesotɔwo
Efesotɔwo
Efe
Paulo ƒe agbalẽ si wòŋlɔ na
Efesotɔwo
Nye Paulo, ame si Mawu tia be manye Yesu Kristo ƒe apostolo la gbɔe agbalẽ sia tso,
Na ame kɔkɔewo kple xɔsetɔwo le Kristo Yesu me le Efeso:
Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu, mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la nanɔ anyi kpli mi.
Gbɔgbɔmeyayrawo le Kristo Yesu me
Míetsɔ kafukafu na Mawu, míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, ame si tsɔ gbɔgbɔmeyayra ɖe sia ɖe si le dziƒonutowo me la kɔ ɖe mía dzi le Kristo me. Etia mí le eya amea me hafi wɔ xexea me be míanye ame kɔkɔewo kple ame siwo ŋu fɔɖiɖi mele o la le eƒe ŋkume. Le lɔlɔ̃ me la, ewɔ ɖoɖo tɔxɛ ɖe mía ŋu be míanye ye viwo to Yesu Kristo dzi. Mawu wɔ esia, esi wòɖo Yesu Kristo ɖa be wòaku ɖe mía ta. Ewɔ ɖoɖo sia to eya ŋutɔ ƒe dzidzɔkpɔkpɔ kple lɔlɔ̃nu me!
Azɔ la, mitsɔ kafukafu na Mawu ɖe eƒe dɔmenyo gã sia ta. Mikafui ɖe eƒe amenuveve sɔgbɔ si wòkɔ ɖe mía dzi la ta, ɖe esi míenye Via lɔlɔ̃a tɔ ta. Eƒe dɔmenyo la gbã go ɖe mía dzi ale gbegbe be wòɖe míaƒe nu vɔ̃wo katã ɖa to Via ƒe ʋu la me, ame si dzi wòto ɖe mí, eye wòtsɔ eƒe amenuveve xɔasi la kɔ ɖe mía dzi, elabena ekɔ nunya kple gɔmesese ɖe mía dzi.
Mawu gblɔ eƒe susu ɣaɣla si ta wòɖo Kristo ɖa la na mí. Ewɔ ɖoɖo sia ɖe nublanuikpɔkpɔ na mí ta. Eƒe taɖodzinue nye be ne ɣeyiɣi si wòɖo la de la, aƒo nuwo katã nu ƒu tso afi sia afi, eɖanye dziƒo alo anyigba dzi o, ɖe Kristo te, tso mavɔ me yi mavɔ me. Gawu la, le nu si Kristo wɔ ɖe mía nu ta la, míezu nunana xɔasi siwo ŋuti Mawu kpɔa dzidzɔ le la, elabena abe ɖoɖo si Mawu wɔ la ƒe akpa aɖe ene la, etia mí tso gɔmedzedzea me ke be míanye ye tɔwo, eye nu siawo katã le eme vam pɛpɛpɛ abe ale si wòɖoe tso blema ke ene. Mawu ƒe ɖoɖo le nu sia mee nye be mí ame siwo nye ame gbãtɔ siwo dze si Kristo la, míakafui, atsɔ ŋutikɔkɔe nɛ ɖe dɔ gã siwo katã wòwɔ na mí la ta.
Eye ɖe dɔ si Kristo wɔ ta la, mi ame siwo se nyateƒe la ƒe nya la, eye miexɔ Kristo dzi se la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe si ŋugbe wòdo na mí kristotɔwo la de dzesi mi be mienye kristotɔwo. Eƒe mía me nɔnɔ nye kpeɖodzi tso Mawu gbɔ be awɔ nu sia nu si ŋugbe wòdo na mí la godoo. Gbɔgbɔ la ƒe mía me nɔnɔ fia be Mawu ƒle mí xoxo, eye wòɖo kpe edzi be yeakplɔ mí ava eɖokui gbɔe hena eƒe ŋutikɔkɔe ƒe kafukafu.
Akpedada kple gbedodoɖa
Esia ta tso ɣeyiɣi si mese xɔse si le mia si le Aƒetɔ Yesu me kple lɔlɔ̃ si le mia me na ame kɔkɔewo katã la, nyemedzudzɔ akpedada na Mawu ɖe mia ta o, eye meɖoa ŋku mia dzi ɖaa le nye gbedodoɖawo me. Mebiaa míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Mawu si nye ŋutikɔkɔe Fofo la be wòana Gbɔgbɔ la ƒe nunya kple ɖeɖefia mi be miaganyae ɖe edzi wu. Medoa gbe ɖa be miaƒe gbɔgbɔmeŋkuwo naʋu, eye dzi nyanu nanɔ mia si be míade dzesi mɔkpɔkpɔ si wòyɔ mí na, eƒe kesinɔnu, ŋutikɔkɔe ƒe domenyinyi si wòna ame kɔkɔewo, kple eƒe ŋusẽ gã triakɔ si wona mí ame siwo xɔ edzi se la. Ŋusẽ triakɔ sia le abe eƒe ŋusẽ gã la ƒe dɔwɔwɔ ene. Ŋusẽ triakɔ siae fɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye wòtsɔe ɖo bubuteƒe le Mawu ƒe nuɖusime le dziƒo. Teƒe si kɔ wu dziɖulawo tɔ kple ŋusẽ kple ŋutete kple aƒetɔnyenye ɖe sia ɖe tɔ, kpakple ŋkɔ si kɔ wu ŋkɔ siwo katã le xexe sia me kple xexe si gbɔna la me. Mawu tsɔ nuwo katã de eƒe afɔ te, eye wòwɔe hame la ƒe tatɔ gãtɔe. Hame sia nye eya ŋutɔ ƒe ŋutilã. Eyɔ hame la fũu, eye eƒe nɔnɔme le nu sia nu me.
Agbegbɔgbɔ to Kristo me
Miawo la, miezu ame kukuwo ɖe miaƒe vodadawo kple nu vɔ̃ siwo me mienɔ, esi miedze xexea me kple yame ƒe dziɖula yome, gbɔgbɔ si le dɔ wɔm fifia le ame siwo gbe toɖoɖo Aƒetɔ la ƒe dziwo me la ta. Mí katã míenɔ ko abe ame mawo ene tsã, míaƒe agbe ɖea nu vɔ̃ɖi siwo le mía me la fiana, eye míewɔa nu vɔ̃ siwo me míaƒe ŋutilã ƒe nudzodzrowo kple susu vɔ̃wo kplɔa mí denae. Míedze agbe baɖa nɔnɔ gɔme, elabena wodzi mí kple dzɔdzɔme vɔ̃ɖi, ale míenɔ Mawu ƒe dɔmedzoe la te abe ame bubu ɖe sia ɖe ene.
Gake ɖe lɔlɔ̃ gã si wòtsɔ na mí ta la, Mawu, ame si nye nublanuikpɔla la na agbe mí le Kristo me, togbɔ be míenye nu vɔ̃ wɔlawo hã la, amenuveve wòtsɔ ɖe mie. Eye Mawu fɔ mi ɖe tsitre kple Kristo, eye wòna míenɔ anyi kplii le dziƒonutowo me le Kristo Yesu me, be le ɣeyiɣi siwo ava me la, yeaɖe yeƒe kesinɔnu kple amenuveve sɔ gbɔ si wòɖe fia to eƒe dɔmenyonyo me la afia mí le Kristo Yesu me.
Le eƒe amenuveve sɔ gbɔ la ta la, miekpɔ ɖeɖe to Kristo dzixɔse me, menye nu siwo tso míawo ŋutɔ gbɔ o; ke boŋ enye Mawu ƒe nunana, menye le dɔ siwo miewɔ la ta o, be ame aɖeke naƒo adegbe o. Elabena Mawu ƒe nuwɔwɔwo míenye, ame siwo wowɔ le Kristo Yesu me hena dɔ nyuiwo wɔwɔ, dɔ siwo Mawu dzra ɖo ɖi na mí be míawɔ la.
Míenye ame ɖeka le Kristo me
Eya ta miɖo ŋku edzi be tsã la, mi ame siwo menye Yudatɔwo tso dzidzime o, eye ame siwo yɔa wo ɖokuiwo be “aʋatsotsotɔwo” (nu si amewo tsɔa asi wɔnɛ) la yɔa mi be “aʋamatsomatsotɔwo” la, miɖo ŋku edzi be ɣe ma ɣi la, miete ɖa tso Kristo gbɔ, mienye Israeltɔwo o, eye mienye amedzrowo na nubabla si wowɔ tso ŋugbedodo la me, mɔkpɔkpɔ kple Mawu menɔ mia si le xexea me o. Gake azɔ la, mienye Kristo Yesu tɔ, eye togbɔ be mienɔ adzɔge ke tsã tso Mawu gbɔ hã la, azɔ wokplɔ mi va egbɔe, to Yesu Kristo ƒe ʋu la me.
Elabena eya ŋutɔe nye míaƒe ŋutifafa. Ewɔ ŋutifafa le mí Yudatɔwo kple mi ame siwo menye Yudatɔwo o la dome, eye wòɖe mɔxenu la ɖa, eye wòɖe mama ƒe gli si nɔ mía dome tsã la ɖa. To eƒe ŋutilã me la, eɖe se la kple eƒe ɖoɖowo ɖa. Eƒe taɖodzinue nye be yeawɔ ame yeye ɖeka tso ame eveawo me le eɖokui me, be ŋutifafa nanɔ wo dome, eye le ŋutilã ɖeka sia me la, wòana woazu ɖeka kple Mawu to atitsoga la dzi, eye wòatsrɔ̃ woƒe fuléle la. Eva gblɔ ŋutifafa nyanyui la na mi ame siwo nɔ adzɔge ke tso egbɔ, eye wògblɔ ŋutifafa na ame siwo te ɖe eŋu la. To eya amea me la, mí katã míate ŋu ayi Fofo la gbɔ to Gbɔgbɔ ɖeka ma dzi.
Esia ta mieganye amedzrowo o, ke boŋ mi kple Mawu ƒe amewo mienye ame ɖeka, Mawu ƒe aƒemetɔwo kple Mawu ƒe dumetɔwo, siwo wotu ɖe apostolowo kple nyagblɔɖilawo ƒe gɔmeɖokpe la dzi, eye Kristo Yesu ŋutɔ nye dzogoedzikpe gã la. Le eya amea me la, wote xɔ la katã ƒo ƒu be wòakɔ azu gbedoxɔ kɔkɔe na Aƒetɔ la. Le eya amea me la, wowɔ miawo hã ɖekae be miazu nɔƒe si Mawu anɔ to eƒe Gbɔgbɔ la me.
Paulo gblɔ mawunya na ame siwo menye Yudatɔwo o
Le esia ta la, nye Paulo, Kristo Yesu ƒe dɔla, mele gaxɔ me le mi ame siwo menye Yudatɔwo o la ta. Mexɔe se be miese Mawu ƒe amenuveve, si wònam le mia ta, le esia me be Mawu na menya eƒe ɖoɖo ɣaɣla la be ame siwo menye Yudatɔwo o hã nakpɔ amenuveve. Megblɔ nya sia na mi do ŋgɔ kpuie to agbalẽŋɔŋlɔ na mi me. Ne miexlẽ agbalẽ sia la, miase ale si mewɔ nya Kristo ƒe nya ɣaɣla siawo gɔme. Le blema la, Mawu meɖe eƒe ɖoɖo sia fia eƒe amewo o, gake fifia la, eɖee fia eƒe apostolo kɔkɔewo kple nyagblɔɖilawo to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzi.
Azɔ nya ɣaɣla lae nye be: to nyanyui la gbɔgblɔ me la, ame siwo menye Yudatɔwo o la hã azu domenyilawo abe Israelviwo ene; wozu ƒometɔwo kple ŋutilã ɖeka, eye woakpɔ gome le ŋugbedodo si le Kristo Yesu me la me. Mezu nyanyui la ƒe dɔla to Mawu ƒe nunana kple amenuveve si tso eƒe ŋusẽ ƒe dɔwɔwɔ me la me.
Togbɔ be nyemesɔ kple ame gblɔetɔ kekeake le Mawu ƒe amewo dome o hã la, etsɔ amenuveve sia nam be magblɔ Kristo ƒe nyanyui la na ame siwo menye Yudatɔwo o, eye maɖe nya ɣaɣla sia gɔme na ame sia ame. Le blema la, wodzra nya sia ɖo ɖe Mawu, ame si wɔ nuwo katã la me.
Eƒe susue nye be fifia la, to hame la dzi la, woaɖe Mawu ƒe nunya afia dziɖulawo kple ŋusẽtɔwo le dziƒonutowo me, le eƒe ɖoɖo mavɔ si ŋu dɔ wòwɔ to Kristo Yesu, míaƒe Aƒetɔ me la nu.
Azɔ la, míate ŋu ado ɖe Mawu ŋkume le xɔse, ablɔɖe kple dzideƒotɔ me.
Eya ta dzi megaɖe le mia ƒo ɖe nye fukpekpewo ta o, ke boŋ mitsɔe be enye bubudede mia ŋu.
Paulo do gbe ɖa ɖe Efeso hame la ta
Susu sia ta medzea klo doa gbe ɖa na Fofo la, ame si gbɔ xɔsetɔwo ƒe ƒomeawo katã, esiwo le dziƒo kple anyigba dzi la kpɔa woƒe ŋkɔ tsona. Medoa gbe ɖa be tso eƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnu gbogboawo me la, wòana ŋusẽ tɔxɛ mi to eƒe Gbɔgbɔ la dzi, be Kristo nanɔ miaƒe dziwo me to xɔse me. Eye medoa gbe ɖa be miali ke ɖe eƒe lɔlɔ̃ la me, be wòana ŋusẽ mi abe ame kɔkɔewo katã ene, eye miate ŋu ase Kristo ƒe lɔlɔ̃ ƒe kekeme, eƒe didime, eƒe kɔkɔme kple eƒe goglome gɔme, be mianya be Kristo ƒe lɔlɔ̃ sia ƒo gɔmesesewo katã ta, be Mawu ƒe agbɔsɔsɔ la katã nayɔ mi fũu.
Azɔ hena eya ame si tea ŋu wɔa nu geɖe wu nu siwo katã míebiana alo susuna, le eƒe ŋusẽ si le dɔ wɔm le mía me la, eya tɔe nye ŋutikɔkɔe le hamea me kple Kristo Yesu me le dzidzimewo katã me, tso mavɔ me yi mavɔ me! Amen.
Ɖekawɔwɔ le Kristo ƒe ŋutilã me
Nye, ame si le ga me le afi sia ɖe Aƒetɔ la subɔsubɔ ta lae le kuku ɖem na mi, be mianɔ agbe nyuie, eye miadze na yɔyɔ tɔxɛ sia. Mibɔbɔ mia ɖokuiwo, eye mifa tu. Migbɔ dzi ɖi, eye miatsɔ ake mia nɔewo le lɔlɔ̃ me. Midze agbagba mianɔ anyi le Gbɔgbɔ la ƒe ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa me. Ŋutilã ɖeka kple Gbɔgbɔ ɖekae li, abe ale si woyɔ mi na mɔkpɔkpɔ ɖeka ene. Aƒetɔ ɖeka, xɔse ɖeka kple mawutsideta ɖekae li; Mawu ɖekae kple Fofo ɖeka na mí katã, ame si nye nuwo katã, eye wòle nu sia nu me.
Ke wotsɔ amenuveve na mía dometɔ ɖe sia ɖe abe ale si Kristo na mí ene. Esia ta woŋlɔ ɖi be,
“Esi wòlia yi dzi la,
eɖe aboyo ame geɖewo dzoe,
eye wòna nunana amewo.”
(“Eɖi va anyi” gɔme ɖe? Egɔmee nye be eɖi va anyigba, yi ɖe keke anyigba tume ke. Eya ame si ɖi va anyi la, eya kee lia yi dzi ʋĩi, gbɔ dziƒowo ŋu ʋĩi, be wòayɔ xexea me katã.) Eyae na ame aɖewo nye apostolowo, ame aɖewo nye nyagblɔɖilawo, ame aɖewo hã nye nyanyuigblɔlawo, ame aɖewo nye osɔfowo kple nufialawo, be woadzra Mawu ƒe amewo ɖo hena subɔsubɔ ƒe dɔwɔwɔwo, be woatu Kristo ƒe ŋutilã ɖo va se ɖe esime míewɔ ɖeka le xɔse kple sidzedze Mawu ƒe Vi la me, eye míetsi hede blibo le Kristo me.
Ekema míaganɔ abe ɖeviwo ene o, ame siwo anɔ yiyim, anɔ gbɔgbɔm abe ale si ƒutsotsoe kple ya lɔa nu ɖe nu ene, to amewo ƒe alakpanufiafiawo, ayedzedze kple beble nuwɔnawo me o, ke boŋ míagblɔ nyateƒe na mía nɔewo le lɔlɔ̃ me, ale be le nuwo katã me la, míatsi, ali ke le Kristo, ame si nye ta na hame la me. Tso eya amea me la, wolé ŋutilã la ƒo ƒu helé wo nɔewo ɖe asi, eye ŋutilã la tsina le lɔlɔ̃ me, elabena ŋutinuwo katã le woƒe dɔwo wɔm.
Agbenɔnɔ abe kekeli ƒe viwo ene
Azɔ la, mele esia gblɔm na mi, eye mele gbe tem ɖe edzi le Aƒetɔ la me be miaganɔ agbe azɔ abe ame siwo menye Yudatɔwo ene le woƒe tamesusu ƒe dzodzronyenye me o. Ame siawo la, woƒe susuwo me do viviti, eye woma ɖa tso Mawu gbɔ, elabena wole agbe le numanyamanya me le woƒe dzimesesẽ ta. Esi ŋukpe aɖeke megale mo na wo o ta la, wotsɔ wo ɖokuiwo na nu tovo wɔwɔ, ale be woakpɔ gome le ŋunyɔnu ɖe sia ɖe ƒomevi wɔwɔ me, eye wole nu sia wɔwɔ dzi ɣe sia ɣi.
Ke miawo la, menye aleae mienya Kristoe o. Vavã miese eŋkɔ, eye wofia nu mi le eya amea me, le nyateƒe si le Yesu me la nu. Wofia nu mi ku ɖe miaƒe agbenɔnɔ xoxo la ŋuti, be miaɖe asi le agbenɔnɔ xoxo la ŋuti, agbe si le tsɔtsrɔ̃mɔ dzi, to eƒe beblenudzodzrowo me. Ele be miaƒe nɔnɔme kple miaƒe susuwo nanɔ tɔtrɔm yeyee, eye mianɔ agbe yeye si wowɔ wòle abe Mawu ene le dzɔdzɔenyenye vavã kple kɔkɔenyenye me.
Esia ta ele be mia dometɔ ɖe sia ɖe naɖe aʋatsokaka ɖa, eye wòagblɔ nyateƒe na nɔvia, elabena ŋutinu ɖekawo míenye. Nenye be èdo dɔmedzoe la, mègawɔ nu vɔ̃ o. Mègana ɣe naɖo to ɖe wo dɔmedzoe dzi o. Mègana mɔnukpɔkpɔ Abosam o. Ame si nye fiafitɔ la, nedzudzɔ fififi, newɔ dɔ, netsɔ eƒe asiwo wɔ dɔ nyui, si aɖe vi nɛ be wòakpɔ nane ana hiãtɔwo.
Migana nya vlo aɖeke megado go le mia nu o, ke boŋ migblɔ nya siwo nyo, eye woate ŋu ado ŋusẽ ame siwo le esem la, eye wòaɖe vi na eselawo. Migado nuxaxa na Mawu ƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la o, elabena eyae wotsɔ de dzesi mi hena miaƒe ɖeɖekpɔkpɔ. Miɖe asi le dɔmedzoedodo helĩhelĩ, dziku, dzrewɔwɔ, ameŋugbegblẽ, fuléle kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒomevi ɖe sia ɖe ŋu. Miwɔ dɔmenyo, eye miakpɔ nublanui na mia nɔewo. Mitsɔ mia nɔewo ƒe nu vɔ̃wo ke abe ale si Mawu hã tsɔ nu vɔ̃ ke mí le Kristo me ene.
Eya ta mizu mawusrɔ̃lawo abe vi lɔlɔ̃wo ene, eye minɔ agbe le lɔlɔ̃ me abe ale si Kristo lɔ̃ mí hetsɔ eɖokui na ɖe mía ta abe nunana kple vɔsa si le ʋeʋẽm lĩlĩlĩ na Mawu la ene.
Migaɖe mɔ na ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye kple ŋukeklẽ be woanɔ mia me o, elabena agbenɔnɔ siawo menyo na Mawu ƒe ame kɔkɔewo o. Mele be woase nya vlowo, gbegblẽnyawo kple dzeɖoɖo madzetowo le mia nu o, ke boŋ akpedada ɖe Mawu ƒe amenuveve ta.
Minya nyuie be ahasiwɔla, ame makɔmakɔ alo ŋuklẽla aɖeke manyi Kristo kple Mawu ƒe fiaɖuƒe la ƒe dome o, elabena ame sia ƒomevi sɔ kple trɔ̃subɔla. Migana ame aɖeke nable mi o, elabena nu siawo tae Mawu ƒe dɔmedzoe vaa tomaɖolawo dzi ɖo. Eya ta migade ha kple ame siawo ƒomeviwo o.
Tsã la, mienye viviti, gake azɔ la, mienye kekeli le Aƒetɔ la me. Minɔ agbe abe kekeli ƒe viwo ene. (Elabena kekeli ƒe kutsetse nye dɔmenyo, dzɔdzɔenyenye kple nyateƒe), eye midi nu siwo dzea Aƒetɔ la ŋu. Kadodo aɖeke meganɔ mi kple vivitimewɔna siwo nye tofloko la dome o, ke boŋ miɖe wo ɖe go. Elabena enye ŋukpe be tomaɖolawo naƒo nu le woƒe vivimenuwɔnawo ŋuti. Ke nu sia nu si dzi kekeli klẽ ɖo la, dzena wokpɔna, elabena kekeli nana nu sia nu dzena gaglãa. Esia ta woŋlɔ ɖi be,
“O, alɔ̃dɔla nyɔ,
fɔ tso ame kukuwo dome,
eye Kristo aklẽ ɖe dziwò.”
Eya ta mikpɔ nyuie be miaganɔ agbe abe numanyalawo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene, Miwɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ nyuie, elabena ŋkekeawo nye vɔ̃. Migawɔ nu abe bometsilawo ene o, ke boŋ midi nu si nye Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nu. Migano aha mu o, elabena ekplɔa ame dea hadzenuwɔwɔ me. Mina Gbɔgbɔ Kɔkɔe la boŋ nayɔ mia me.
Mitsɔ Psalmowo kple kafukafuhawo ƒo nu na mia nɔewo. Midzi kafukafuhawo na Aƒetɔ la le miaƒe dziwo me. Mida akpe na Mawu Fofo la ɖaa le nu sia nu ta le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me.
Ɖoɖowo na srɔ̃tɔwo
Mibɔbɔ mia ɖokuiwo na mia nɔewo abe bubudede Kristo ŋu ƒe dzesi ene. Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na mia srɔ̃wo abe ale si miebɔbɔ mia ɖokuiwo na Aƒetɔ la ene. Elabena ŋutsue nye ta na srɔ̃a, eye wòtsɔ eƒe agbe ɖo anyi ɖe hame la ta abe ale si Kristo nye ta na hame si nye eƒe ŋutilã la ene be yeanye eƒe Ɖela. Azɔ abe ale si hame la bɔbɔ eɖokui na Kristo ene la, nenema ke nyɔnuwo hã nabɔbɔ wo ɖokuiwo na wo srɔ̃wo le nu sia nu me.
Srɔ̃ŋutsuwo, milɔ̃ mia srɔ̃wo abe ale si Kristo lɔ̃ hame la, eye wòtsɔ eƒe agbe na ɖe eta, be yeawɔe wòanɔ kɔkɔe to eŋutikɔklɔ kple tsi to nya la me, ale be yeate ŋu axɔe na ye ɖokui abe ŋutikɔkɔe hame si dza, eye ɖiƒoƒo kple kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele eŋu o la ene, ke boŋ be wòanɔ kɔkɔe, eye fɔɖiɖi aɖeke maganɔ eŋuti o. Nenema ke wòle be ŋutsuwo nalɔ̃ wo srɔ̃wo abe woawo ŋutɔ ɖokuiwo ene. Ame si lɔ̃a srɔ̃a la, lɔ̃a eɖokui. Elabena ame aɖeke melé fu eya ŋutɔ ƒe ŋutilã kpɔ o, ke boŋ enyinɛ, eye wòléa be nɛ abe ale si Kristo wɔna na hame la ene, elabena eƒe ŋutilã ƒe ŋutinuwo míenye.
“Ɖe susu sia ta ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòawɔ ɖeka kple srɔ̃a, eye wo ame eve la, woazu ŋutilã ɖeka.” Esia nye nukunu gã aɖe, gake mele nu ƒom tso Kristo kple hame la ŋuti.
Ke hã la, ele be ŋutsu ɖe sia ɖe nalɔ̃ srɔ̃a abe eya ŋutɔ ɖokui ene, eye srɔ̃nyɔnu hã nade bubu srɔ̃a ŋuti.
Ɖeviwo kple dzilawo
Mi ɖeviwo la, miɖo to mia dzilawo le Aƒetɔ la me, elabena esia le eteƒe. “Bu fofowò kple dawò,” esiae nye sedede gbãtɔ si ŋuti ŋugbedodo kpe ɖo, “be wòadze edzi na wò nyuie, eye nànɔ agbe didi le anyigba dzi.”
Mi fofowo la, migado dɔmedzoe na mia viwo o, ke boŋ mihe wo, eye miafia nu wo le Aƒetɔ la me.
Kluviwo kple aƒetɔwo
Mi kluviwo la, miɖo to miaƒe aƒetɔ siwo le anyigba dzi, mide bubu wo ŋu le vɔvɔ̃ me. Misubɔ wo le anukware blibo me abe ale si miasubɔ Kristo ene. Miɖo to wo, menye ɖe esi woakpɔ ŋudzedze le mia ŋu ta o, ke boŋ abe Kristo ƒe kluvi siwo le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm tso miaƒe dzime ke ene. Misubɔ tso dzi blibo me ke abe Aƒetɔ la subɔm miele ene, ke menye amegbetɔ o, elabena mienya be Aƒetɔ la ana fetu ame sia ame ɖe eƒe dɔ nyui wɔwɔ ta, eɖanye kluvi alo ablɔɖevi o.
Mi aƒetɔwo la, miwɔ nu dzɔdzɔewo ɖe miaƒe kluviwo ŋuti abe ale si megblɔ na wo be woawɔ na mi ene. Migado ŋɔdzi na wo o, miɖo ŋku edzi be ame sia nye mi katã ƒe Aƒetɔ le dziƒo, eye Aƒetɔ sia mekpɔa ame aɖeke ƒe ŋkume o.
Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la
Mlɔeba la, misẽ ŋu le Aƒetɔ la me kple Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ triakɔ si le mia me la. Mikpla Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã be miate ŋu anɔ te ɖe Abosam ƒe ɖoɖowo kple ayemenu siwo wòɖo ɖe mia ŋuti la nu. Elabena míele aʋa wɔm kple ŋutilã kple ʋu o, ke boŋ kple dziɖulawo, ŋusẽtɔwo, xexe sia me vivitimeŋusẽwo kpakple gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖi siwo le dziƒonutowo me.
Eya ta mikpla Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã be ne ŋkeke vɔ̃ la ɖo la, miate ŋu anɔ te ɖe futɔ la nu, eye ne miewɔ aʋa la vɔ la, miaganɔ te sesĩe.
Minɔ te sesĩe, mitsɔ nyateƒe la bla ali dzi, eye miatsɔ dzɔdzɔenyenye ƒe akɔtablanu la atsyɔ akɔta, eye mido afɔkpa siwo ana mianɔ klalo na gbeƒãɖeɖe ŋutifafanyanyui la. Kpe ɖe esiawo katã ŋu la, milé xɔse ƒe akpoxɔnu la ɖe asi, elabena eyae miatsɔ atsi vɔ̃ɖitɔ la ƒe aŋutrɔ siwo le abe dzo ƒe aɖewo ene lae. Mitsɔ xɔxɔkpɔkpɔ ɖɔ abe gakuku ene, eye milé Gbɔgbɔ la ƒe yi si nye Mawu ƒe nya la ɖe asi.
Mido gbe ɖa le gbɔgbɔ me ɣe sia ɣi, miwɔ gbedodoɖa ɖe sia ɖe. Minɔ ŋudzɔ, eye miado gbe ɖa ɣe sia ɣi ɖe ame kɔkɔewo katã ta. Mido gbe ɖa ɖe nye hã tanye be ne mele nu ƒom la, Mawu nade nya nu nam, be maƒo nu dzideƒotɔe ne mele gbeƒã ɖem nyanyui la ƒe nya ɣaɣlawo, nu si ta menye ame dɔdɔ si le game ɖo. Mido gbe ɖa be magblɔ nyanyui la vɔvɔ̃manɔmee, ale si mate ŋui.
Gbedoname mamlɛtɔwo
Tikiko, ame si nye nɔvi lɔlɔ̃a kple dɔla nuteƒewɔla le Aƒetɔ la me la agblɔ nya sia nya na mi, be miawo hã mianya nu tso ŋunye kple nu si wɔm mele. Susu sia dzaa ta ko mele edɔm ɖo ɖe mia gbɔ be mianya ale si míele, eye be wòade dzi ƒo na mi.
Nɔvi lɔlɔ̃awo, ŋutifafa kple lɔlɔ̃ kpakple xɔse si tso Mawu Fofo la kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la nenɔ anyi kpli mi.
Mawu ƒe amenuveve kple yayra nanɔ ame siwo katã ɖe lɔlɔ̃ makumaku fia míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo la.