- Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020 Nyagblɔla Nyagblɔla ƒe agbalẽ Nyagblɔla Nyg Nyagblɔla ƒe agbalẽ Nu sia nu nye tofloko Esiawoe nye Nyagblɔla Solomo, Fia David si nɔ Yerusalem la ƒe viŋutsu ƒe nyawo: Le nye nugɔmesese nu la, viɖe aɖeke mele naneke ŋu o; nu sia nu nye tofloko ko. Viɖe kae ame kpɔna tso agbagba siwo katã wòdzena le ɣea te la me? Dzidzime ɖeka nu va yina eye bubu vana, ke anyigba ya ganɔa anyi nenema ko tegbee. Ɣe hã dzena eye wòɖoa to; eɖea abla yia afi si wòdze tso. Ya ƒona ɖoa ta dziehe eye wòtrɔna yia anyiehe. Etrɔna toa eme madzudzɔmadzudzɔe eye wògatrɔna yia afi si wòdze egɔme tsoe. Tɔsisiwo katã sina yia atsiaƒu me, ke atsiaƒu la meyɔna gbeɖe o. Tsi la gatrɔna yia tɔsisiawo me eye wògatsana yia atsiaƒu la me. Nuwo katã le dagbadagba dzi eye amegbetɔ mate ŋu aƒo nu le eŋu wòade edeƒe o: nukpɔkpɔ meɖia kɔ na ŋku o abe ale si nyasese meɖia ƒo na to o ene. Nu siwo nɔ anyi va yi la, woawo ke koe agatrɔ ava eye nu siwo wowɔ kpɔ la, woawo ke ko woagawɔ. Nu yeye aɖeke mele ɣe la te o. Nane koŋ li si ŋu woate ŋu agblɔ le be, “Kpɔ ɖa, nu sia ya nye nu yeye” mahã? Enɔ anyi kpɔ le blema ke, do ŋgɔ na mí. Womegaɖoa ŋku blematɔwo dzi o; nenema ke ame siwo woava dzi la, maɖo ŋku nu siwo dzɔ do ŋgɔ na woƒe dzidzi dzi o. Nunya nye tofloko Nye, Nyagblɔla, meɖu fia ɖe Israel dzi le Yerusalem. Medze agbagba be manya nu tso nu siwo katã wowɔna le ɣea te la ŋu. Medze sii be dzidzɔkpɔkpɔ aɖeke mele nu si Mawu ɖo na amegbetɔ be wòawɔ la me o. Mekpɔ dɔ siwo katã wowɔna le ɣea te eye kpɔ ɖa, esiawo katã nye tofloko kple dagbadagba ɖe yame ko. Nu si glɔ̃ da ɖi la, womagate ŋu adzɔe o eye nu si meli o la, womate ŋu axlẽe o. Megblɔ le nye dzi me be, “Kpɔ ɖa, menya nu wu ame siwo katã ɖu fia le Yerusalem do ŋgɔ nam. Ɛ̃, nuteƒekpɔkpɔ, nunya kple gɔmesese yɔ nye dzi me fũu wu wo.” Meɖo ta me be madze si nunya, eye manya nu tso tsukuku kple bometsitsi ŋu, ke meva dze sii be esiawo katã nye dagbadagba dzodzro ɖe yame ko; elabena nuxaxa sɔ gbɔ ɖe nunya geɖe me, eye ame sia ame si dzia sidzedze ɖe edzi la, dzia nuxaxa ɖe edzi. Dzidzɔdonamenuwo katã nye tofloko Megblɔ na ɖokuinye be, “Enyo, kpɔ dzidzɔ eye nàɖu agbe azɔ, abe ale si nàte ŋui ene.” Ke mekpɔe be esia hã nye tofloko ko elabena megblɔ be enye movidzɔdzɔ be woanɔ nu kom ɖaa; nyui kae doa go tso eme? Ale le tamebubu geɖe megbe la, meɖo be matsɔ ahanono ado dzidzɔ na ɖokuinye, gake maganɔ nunya yome tim. Medi be malé bometsitsi ɖe asi goŋgoŋgoŋ va se ɖe esime madze si nu si anyo na amegbetɔwo be woawɔ le dziƒoa te le woƒe ŋkeke sue si me woanɔ agbe la. Mewɔ nu gãwo na ɖokuinye: metu xɔwo, mede waingblewo, mewɔ abɔwo kple yaxɔƒewo, medo atiwo kple kutsetseti ɖe sia ɖe ƒomevi ɖe wo me. Meɖe tsitawo ale be mate ŋu aku tsi tso wo me ade ati siwo medo ɖe ave aɖe me. Meƒle kluviwo kple kosiwo, eye wodzi ɖewo le nye ŋutɔ nye aƒe me. Nyiwo kple alẽwo sɔ gbɔ ɖe asinye fũu wu fia siwo nɔ Yerusalem do ŋgɔ nam la si. Mena fiawo kple dutatɔwo dzɔ klosalo kple sika nam. Meɖo ŋutsuwo kple nyɔnuwo ƒe hadzihawo, kpẽkuhawo kple ʋuƒohawo da ɖi. Hekpe ɖe esiawo ŋu la, nye ahiãviwo dze tugbe, eye wosɔ gbɔ fũu. Ale mexɔ ŋkɔ wu Fia bubu ɖe sia ɖe si nɔ Yerusalem kpɔ. Gawu la, meke ŋku ɖi be mate ŋu ade dzesi nu siawo katã ƒe asixɔxɔ. Mewɔ nu sia nu si dze ŋunye eye nyemehe ɖokuinye ɖa tso dzidzɔkpɔkpɔ aɖeke ƒomevi gbɔ o. Dɔ sesẽ wɔwɔ gɔ̃ hã do dzidzɔ nam. Le nyateƒe me la, dzidzɔkpɔkpɔ sia koe nye nye agbagbadzedzewo katã ƒe fetu. Ke esi melé ŋku ɖe nu siwo katã mete kpɔ ŋu la, medze sii be wo katã nye tofloko kple yamenu ko, eye viɖe aɖeke mele naneke ŋu le afi aɖeke o. Azɔ la, meɖo be malé ŋku ɖe nunya, tsukuku kple bometsitsi ŋu, elabena nu bubu ka ame si ava ɖe fia yome la ate ŋu awɔ? Nu si tututu wowɔ va yi la koe! Mekpɔe be viɖe le nunya ŋu wu bometsitsi abe ale si kekeli nyo wu viviti ene. Nunyala kpɔa nu le esime bometsila zɔa viviti me. Ke mede dzesii be nu ɖeka ma ke koe dzɔna ɖe nunyala kple bometsila siaa dzi. Eya ta megblɔ le nye dzi me be ale si bometsila aku la, nenema tututue nye hã makue, eya ta viɖe kae le nunya ŋu nam? Medze sii azɔ be nunya gɔ̃ hã, toflokoe; elabena nunyala kple bometsila siaa le kuku ge eye woaŋlɔ wo ame eveawo be keŋkeŋ le ŋkeke siwo gbɔna la me. Agbagbadzedze nye tofloko Eya ta azɔ la, melé fu agbenɔnɔ blibo la, elabena susu aɖeke mele nu siwo wowɔna le ɣea te la dometɔ aɖeke me o, elabena wo katã nye tofloko kple dagbadagba ɖe yame ko. Nu si gate ɖe dzinyee nye magblẽ nye dagbadagbawo katã ƒe metsonu ɖi na ame bubuwo. Ame kae anya do ŋgɔ ne vinye ŋutsu anye nunyala loo alo bometsila? Evɔa, ele be woatsɔ nu sia nu si le asinye la nɛ! Esia hã nye tofloko ko! Ale metrɔ be mana dzi naɖe le ƒonye le dɔ siwo katã mewɔ le ɣea te la ŋu, elabena ame aɖe li si tsɔ nunya kple gɔmesese kple aɖaŋu wɔ eƒe dɔe, ke ele nɛ be wòagblẽ nu siwo wòkpɔ tso dɔwɔwɔ me la ɖi na ame aɖe si mewɔ naneke kura tso dɔ la ŋu o la, woazu etɔ. Esia hã anye tofloko kple nu vɔ̃ɖi aɖe elabena nu ka ame kpɔna tso eƒe dagbadagba kple eƒe dzi ƒe agbagbadzedze le dɔ siwo katã wòwɔna le ɣea te ŋu la me? Kpɔ ɖa, eƒe ŋkekewo katã nye vevesese ko eye eƒe dɔwɔwɔwo katã nye nuxaxa ko. Le zã me gɔ̃ hã la, eƒe dzi mekpɔa gbɔdzɔe o. Esia gɔ̃ hã nye tofloko ko. Ale metso nya me be naneke meli si nyo na amegbetɔ wu be wòaɖu nu, ano nu eye wòana eƒe luʋɔ nakpɔ dzidzɔ le eƒe agbagbadzedzewo ŋu o. Mekpɔe be esia hã, Mawu ƒe asimee wòtsona, elabena ame kae ate ŋu ato Mawu megbe aɖu nu alo aɖu agbe? Elabena Mawu naa nunya, gɔmesese kple dzidzɔ ame siwo ŋu wòkpɔ ŋudzedze le, ke etsɔa dɔ sesẽ wɔwɔ na nu vɔ̃ wɔlawo be woaƒo ƒu nu alo ali kɔ nu, ale be Mawu natsɔ wo ana ame si dze eŋu. Ale eme kɔ ƒãa be esia hã nye tofloko kple dagbadagba ɖe yame ko ƒe kpɔɖeŋu. Ɣeyiɣi li na nu sia nu Ɣeyiɣi li na nu sia nu, eye azã li na tameɖoɖowo katã le dziƒoa te. Amedziɣi li, eye kuɣi li. Nudoɣi li, eye nuxaɣi li. Amewuɣi li, eye gbedaɣi li. Nugblẽɣi li, eye nudzraɖoɣi li. Avifaɣi li, eye nukoɣi li. Konyifaɣi li, eye ɣeɖuɣi li. Kpekakaɣi li, eye kpeƒoƒuɣi li. Asikplakɔɣi li, eye asiɖelekɔɣi li. Nudiɣi li, eye nubuɣi li. Nudzraɖoɣi li, eye nuƒugbeɣi li. Nuvuɣi li, eye nutɔɣi li. Ɖoɖoeziɣi li, eye nuƒoɣi li. Lɔlɔ̃ɣi li, eye fuléɣi li. Aʋawɔɣi li, eye ŋutifafawɔɣi li. Nu ka tututu amegbetɔ kpɔna tso dɔ sesẽ wɔwɔ me? Mebu ta me tso nu sia ŋu tso dɔ vovovo siwo Mawu tsɔ na amegbetɔ la ŋu. Nu sia nu sɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi dzi. Ke, togbɔ be Mawu de mavɔmavɔnyenye ta me na amegbetɔ hã la, amegbetɔ mate ŋu akpɔ Mawu ƒe dɔ blibo la tso gɔmedzedzea va se ɖe nuwuwu o, eya ta metso nya la me be gbã la, nu si ƒo nuwo katã tae nye be amegbetɔ nakpɔ dzidzɔ, eye wòaɖu agbe ŋkeke ale si wòate ŋui; evelia la, ele be wòaɖu nu, ano nu eye wòaɖu agbe kple nu siwo do tso eƒe dagbadagbawo me elabena esiawoe nye nunana tso Mawu gbɔ. Eye menya esia be nu sia nu si Mawu wɔ la, tɔtrɔ aɖeke meganɔa eŋu o, womate ŋu atsɔ naneke akpee o eye womate ŋu aɖe naneke le eme hã o. Mawu ƒe taɖodzinu le nya sia mee nye be ele be amegbetɔ navɔ̃ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la. Nu sia nu si li fifia la, nɔ anyi tso keke gbe aɖe gbe ke eye nu sia nu si ava dzɔ la, dzɔ kpɔ va yi xoxo. Mawu gatrɔa nu si dzɔ kpɔ xoxo la vanɛ. Hekpe ɖe esia ŋu la, mede dzesii be, le anyigba blibo la dzi la, dzɔdzɔenyenye le bubum, nu vɔ̃ wɔwɔ le dzɔdzɔenyenyeteƒe xɔm eye zãnuxɔxɔ le ʋɔnudrɔ̃ƒewo gɔ̃ hã. Megblɔ na ɖokuinye be, “Ne azã la su ko la, Mawu ahe nu sia nu si ame aɖe wɔna, nyui kple vɔ̃ siaa ayi ʋɔnue.” Le esia megbe la, medze sii be, “Mawu le mɔ ɖem be xexea me nalé eƒe nu vɔ̃ mɔ atsɔ, ale be yeate ŋu ado amegbetɔƒomea kpɔ, eye amegbetɔwo ŋutɔ nakpɔe be yewole abe gbemelãwo ene. Elabena amegbetɔwo kple lãwo siaa gbɔa ya ɖeka ma ke eye wo ame eveawo siaa kuna. Ale amegbetɔwo tɔ menyo wu lãwo tɔ o. Esia hã nye tofloko! Wo katã yia teƒe ɖeka ma, si nye anyi si me wotso kple esi ke woagatrɔ azu, elabena ame ka ate ŋu aɖee fia bena, amegbetɔ ƒe gbɔgbɔ ɖoa ta dzi, ke lãwo tɔ ya ɖoa ta anyi, gena ɖe tome?” Eya ta mekpɔe be nu si nyo na amegbetɔ wu lae nye be wòakpɔ dzidzɔ le eƒe dɔwɔwɔ me. Elabena eya tae wòle afi sia ɖo, eye ame aɖeke magate ŋu agbugbɔe va agbe sia me, wòakpɔ dzidzɔ le nu siwo ava va la ŋu o. Eya ta ele be wòakpɔ dzidzɔ le wo ŋu fifia. Teteɖeto, agbagbadzedze kple xɔlɔ̃ ƒe ame si manɔmanɔ Emegbe la, melé ŋku ɖe ameteteɖeanyi siwo katã le xexea me la ŋu. Mekpɔ ame siwo wote ɖe anyi la ƒe aɖatsiwo; kpeɖeŋutɔ aɖeke meli na wo o, le esime kpeɖeŋutɔ siwo nye ŋusẽtɔwo la le ameteɖeanyilawo ƒe akpa dzi. Ale mebu be ame kukuwo tɔ nyo sãa wu agbagbeawo tɔ eye ame siwo nye dzɔgbenyuitɔwo wu la, woawoe nye ame siwo womedzi o eye womekpɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖi kple nu vɔ̃ siwo xɔ xexea me katã la kpɔ o. Megadze sii hã be nu si dɔa amewo ɖa be woaku kutri awɔ dɔ hena dzidzedzekpɔkpɔ la tso ŋubiabiã ɖe amehavi ŋu gbɔ. Ke esia hã nye bometsitsi kple dagbadagba ɖe yame ko. Bometsila bla asi ɖe akɔnu eye wògblẽ eɖokui dome. Nu asiʋlo ɖeka si ŋuti ŋutifafa le la nyo wu nu asiʋlo eve si ŋuti sreɖidzedze kple dagbadagba ɖe yame kpe ɖo. Megalé ŋku ɖe movidzɔdzɔ tɔgbi aɖe si le xexea me godoo la hã ŋu. Nu sia ku ɖe ŋutsu aɖe si si viŋutsu alo vinyɔnu aɖeke mele o la ŋu, ke ŋutsu sia wɔa dɔ sesĩe matsomatsoe, eye wòƒoa kesinɔnuwo nu ƒu. Ame kae wòagblẽ nu siawo katã ɖi na? Nu ka ta wòle nu gbem le eɖokui gbɔ nenema? Viɖe aɖeke kura mele eme o. Ame eve ate ŋu awɔ dɔ wu ame ɖeka ƒe dɔwɔwɔ ƒe teƒe eve elabena woƒe nukpɔkpɔ anyo sãa wu. Ne ɖeka dze anyi la, evelia afɔe, ke ne amea nye ɖeka eye wòdze anyi la, egena ɖe fukpekpe me. Hekpe ɖe esia ŋu la, ame eve siwo tsyɔ kundru ɖeka le vuvɔŋɔli le zã me la kpɔa dzoxɔxɔ tso wo nɔewo gbɔ, ke aleke ame ɖeka ate ŋu ade dzo lãme na eɖokui? Gawu la, woate ŋu aɖu ame ɖeka dzi bɔbɔe gake ame eve ate ŋu anɔ akpa ɖeka eye woaɖu dzi. Nu si ganyo wu esiae nye, ame etɔ̃ nanɔ akpa ɖeka elabena ka si wotsɔ ka sue etɔ̃ lɔ̃e la menya lãna bɔbɔe o. Dzidzedzekpɔkpɔ hã toflokoe Enyo be ame nanye ɖekakpui nyanu si da ahe wu be wòanye fia tsitsi aɖe si nye bometsila, eye wògbea aɖaŋu ɖe sia ɖe xɔxɔ. Ɖekakpui ma tɔgbi ate ŋu ado go le gaxɔ me eye xexea me adze edzi nɛ. Ate ŋu aɖu fia gɔ̃ hã togbɔ be wodzii ɖe ahedada me hã. Ame sia ame tsia dzi be yeakpe ɖe ɖekakpui ma tɔgbi ŋu, woadi be yewoakpe ɖe eŋu wòaxɔ fiazikpui la sesẽtɔe gɔ̃ hã. Ate ŋu azu kplɔla na ame akpe akpewo eye ame sia ame alɔ̃e. Ke ne dzidzime yeye la me viwo va tsi la, woɖenɛ le fiazikpui la dzi! Ale esia hã ganye bometsitsi kple dagbadagba ɖe yame ko. Vɔ̃ Mawu Ne èle gegem ɖe gbedoxɔ me la, ke wò towo ɖi eye nàmia wò nu! Mèganye bometsila si menyana gɔ̃ hã be enye nu vɔ̃ be nàɖe adzɔgbe na Mawu tamemabumabutɔe o, Wò nu megatsɔ blablabla o, eye wò dzi megatsɔ ne wòaƒo nu le Mawu ŋkume o, elabena Mawu le dziƒo ke, le esime wò ya nèle anyigba dzi le afii eya ta mègaƒo nu blablabla o. Abe ale si hloloetsotso fũu akpa nana wokua drɔ̃e vɔ̃wo ene la, nenema kee bometsitsi nana woƒoa nukpoloe. Eya ta ne èɖe adzɔgbe na Mawu be yeawɔ nane la, mègahe nua wɔwɔ ɖe megbe o, elabena Mawu mekpɔa dzidzɔ le bometsilawo ŋu o. Wɔ wò adzɔgbeɖeɖe dzi nɛ. Ne èzi kpi, mèdo ŋugbe be yeawɔ nane o la, enyo sãa wu be nàdo ŋugbe be yeawɔ nane eye nàgbe ewɔwɔ. Mègana wò nu nakplɔ wò de nu vɔ̃ me o eye mègagblɔ na dɔtsɔla si le gbedoxɔ me be, “Vodadae nye nye adzɔgbeɖeɖe” o. Nu ka ta Mawu ado dɔmedzoe le nya si nègblɔ ta eye wòagblẽ nu si nèwɔ kple asi? Gɔmesese mele drɔ̃ekuku geɖewo kple nya sɔgbɔwo me o eya ta nɔ anyi le Mawuvɔvɔ̃ me. Kesinɔnuwo hã nye tofloko Ne èkpɔ wole ame dahe aɖe tem ɖe to eye womedrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe nɛ o le teƒe aɖe le anyigba blibo la dzi la, mègana wòawɔ nuku na wò o elabena amegã ɖe sia ɖe le tatɔ aɖe te eye ame bubuwo gale tatɔawo hã tame. Fia la le ame siawo katã tame. Oo, ɖe woakpɔ fia aɖe wòatsɔ eɖokui aɖo anyi ɖe dukɔa ƒe nyonyo ta hafi. Eya koe ate ŋu ahe ɖoɖo ade tɔtɔ sia me. Ame si lɔ̃a ga la, makpɔ ga wòasɔ gbɔ nɛ, adze eŋu gbeɖe o. Enye bometsitsi be ame nabu be kesinɔnuwoe naa dzidzɔkpɔkpɔ ame! Ale si nèkpɔ ga wòsɔ gbɔe la, nenema tututue wò gaŋudɔwɔwɔ hã anɔ; ekema nu nyui kae le gakpɔkpɔ ŋu? Ɖewohĩ nu nyui si le gakpɔkpɔ ŋu koe nye nàkpɔ ga la wòaƒu du ato wò asibidɛwo dome adzo le gbɔwò! Ame dahe si wɔa dɔ sesĩe la, dɔa alɔ̃ nyuie ne eɖu nu sue aɖe alo ne eɖu nu fũu, ke kesinɔtɔwo ya tsia dzimaɖi eye womekpɔa alɔ̃ dɔna o. Mekpɔ nu vɔ̃ɖi gã aɖe le ɣea te: eyae nye kesinɔnu si woli kɔe da ɖi wòva zu nuveviwɔame na nutɔ alo kesinɔnu si wobu to dzɔgbevɔ̃e me, ale be ne viŋutsu le amea si la, naneke matsi anyi na viŋutsu la o. Ame si ɖoa ŋu ɖe dɔwɔna sia tɔgbi ŋu la, trɔna kaba yia ahedada me, afi si wòdze dɔa gɔme tsoe. Abe ale si megblɔ do ŋgɔ ene la: Nya sia nye nya sesẽ aɖe, elabena amea ƒe dagbadagba sia katã va zua tofloko kple ayadɔwɔwɔ ko. Eƒe nuwo katã buna. Eƒe gome le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo katã me la zua viviti, dziɖeleameƒo, dadaƒu kple dɔmedzoedodo. Ke nu ɖeka pɛ ya nyo, eyae nye wòaɖu nu nyuie, ano wain kɔŋkɔ gã ɖeka, ana eƒe ɖoƒe le agbe me nadze eŋu eye wòana dɔ sia dɔ si wòwɔna la nado dzidzɔ nɛ to ɣeyiɣi si me Mawu ana wòanɔ agbe la me. Gawu la, ne Mawu na kesinɔnuwo kple nunɔamesiwo ame aɖe eye wòna amenuvevee be wòaɖui, axɔ nu si nye etɔ gome eye wòakpɔ dzidzɔ le eƒe dɔwɔwɔ me la, nunanae wònye tso Mawu gbɔ. Ƒãa hafi wòbua eƒe agbemeŋkekewo ŋu. Mawu naa eƒe susu nɔa dzidzɔ si le eƒe dzi me la ŋu ɣeawo katã ɣi. Ke meganya nu tso nya sesẽ aɖe ŋu le afi sia afi. Nya siae nye Mawu tsɔ kesinɔnu geɖe kple bubu na ame aɖewo, ale be woate ŋu akpɔ nu sia nu si wodi la, ke mena lãmesesẽ wo be woaɖu agbe kple nu siawo o. Wokuna, eye ame bubuwo sãa xɔa kesinɔnu siawo katã! Nu sia nye nu masɔmasɔ, tofloko kple vodada gã aɖe. Ne viŋutsu alafa ɖeka kple vinyɔnu alafa ɖeka anɔ ame aɖe si, eye wòatsi axɔ ƒe geɖe, gake ga si wòagblẽ ɖi hafi aku la le sue ale gbegbe be viawo mate ŋu aɖii, ade bubu eŋu o la, mele egblɔm be anyo nɛ wu ne eku le eƒe dzigbe, elabena togbɔ be eƒe dzidzi anye tofloko le ɣe ma ɣi, eye wòawu enu le viviti me, eye womatsɔ ŋkɔ nɛ gɔ̃ hã o, makpɔ ɣe kpɔ o, eye manya be ɣe li gɔ̃ hã o la, anyo nɛ alea sãa wu be wòava zu amegãɖeɖi si makpɔ dzidzɔ aɖeke o. Ne ame aɖe anɔ agbe ƒe akpe ɖeka zi eve gake makpɔ dzidzeme aɖeke o la, ekema viɖe kae le eƒe agbenɔnɔ ŋu? Ame ƒe sreɖidzedzewo katã ku ɖe eƒe nuɖuɖu ko ŋu, ke meɖia ƒo ɣe aɖeke ɣi o. Nu kae nunyala tsɔ nyo wu bometsila? Viɖe kae ame dahe kpɔna ne enya ale si wòalé eɖokui le amewo ŋkume? Nukpɔkpɔ kple ŋku nyo wu nudzroame ƒe tsaglalãtsatsa le susu me. Drɔ̃ekuku dzodzro le nu nyuiwo ŋu nye bometsitsi eye wòganye dagbadagba ɖe yame ko. Dzɔgbesee ɖoa nu sia nu dana ɖi; woɖo nu sia nu si ame ava zu la da ɖi xoxo eya ta viɖe aɖeke mele nyahehe kple Mawu tso ale si wòwɔ wo la ŋu o. Ne wò nyawo sɔ gbɔ la, gɔmesese geɖe manɔ wo ŋu o, ekema nu ka ta nàɖe fu na ɖokuiwò be yeaƒo nu kura? Le míaƒe agbemeŋkeke ʋɛ siawo me la, ame ka ate ŋu agblɔ ale si ame nawɔ eƒe ŋkekewo ŋu dɔ nyuie? Ame ka ate ŋu anya nu si ava nye nyuitɔ le ŋgɔgbea ne amea nu va yi? Elabena ame kae nya etsɔ me? Nunya Ŋkɔ nyui xɔ asi wu amiʋeʋĩ xɔasitɔ kekeake. Ame ƒe kugbe nyo wu eƒe dzigbe! Kuteƒedede nyo wu aglotuƒedede elabena èle kuku ge eye enye nu nyui be nàbu ku ŋu le esime ɣeyiɣi gale ŋgɔwò. Nuxaxa nyo wu nukoko elabena blanuiléle wɔa dɔ nyui ɖe mía dzi. Ɛ̃, nunyala bua ku ŋu vevie ke bometsila bua agbeɖuɖu fifia ko ŋu. Ne nunyala ka mo na ame la, enyo wu bometsila nakafu ame elabena bometsila ƒe amekafukafu nu yina kaba abe agbalẽ kakɛe ge ɖe dzo me ene eya ta enye numanyamanya be ame nana bometsitsi ma tɔgbi ƒe nya nawɔ dɔ ɖe edzi. Zãnuxɔxɔ nana nunyala trɔna zua bometsila elabena zãnuxɔxɔ gblẽa eƒe nugɔmesese me. Nuwuwu nyo wu gɔmedzedze! Dzigbɔɖi nyo wu ɖokuidodoɖedzi. Mègado dɔmedzoe kabakaba o, elabena dɔmedzoedodo kabakaba nana ame zua bometsila. Mègatsi dzi ɖe “ŋkekenyui siwo va yi” la ŋu o elabena mènya ne wonyo wu egbeŋkeke siawo o! Nunya nye domenyinu xɔasi kple viɖe na ame siwo le agbe; Àte ŋu atsɔ ga alo nunya akpɔ nu sia nu, gake nyui geɖe le nunyalanyenye me. Kpɔ mɔ si dzi Mawu wɔa eƒe nuwo toe la ɖa eye nàzɔ mɔ ma dzi. Mègatsi tsitre ɖe dzɔdzɔme ƒe sewo ŋu o. Kpɔ dzidzɔ le dzɔgbenyui ƒe ɣeyiɣiwo me, eye ne dzɔgbevɔ̃e tu wò la, dze sii be Mawue naa dzɔgbenyui kple dzɔgbevɔ̃e siaa, ale be ame sia ame nanya be kakaɖedzi mele naneke ŋu le agbe sia me o. Medze si nu sia nu le nye agbenɔnɔ ƒuƒlu sia me. Medze sii be ame nyui aɖewo kuna kaba ke ame vɔ̃ɖi aɖewo nɔa agbe didi eya ta mègawɔ nu dzɔdzɔe akpa o eye mèganya nu tso eme akpa o. Nu ka ta nàwu ɖokuiwò? Ke mègavɔ̃ɖi akpa loo alo nàtsi bome akpa o! Nu ka ta nàku hafi wò azã nasu? Lé fɔ ɖe dɔdeasi ɖe sia ɖe si le ŋuwò la ŋu, eye ne èvɔ̃a Mawu la, àte ŋu akpɔ mɔ na Mawu ƒe yayra. Ŋusẽ le nunyala ɖeka ŋu wu du gã ewo ƒe dziɖulawo! Ame aɖeke mele xexe blibo la me si nye ame nyui ale gbegbe be mewɔa nu vɔ̃ aɖeke kura o. Mègade xa ɖi hena nyasese o, àva se wò dɔla wòanɔ fi ƒom de wò! Wò ŋutɔ ènya zi geɖe siwo nèƒoa fi dea amewoe! Medze agbagba ɖe sia ɖe be manya nu. Megblɔ be, “Mazu nunyala kokoko” Ke medze edzi nam nenema o. Nunya le didiƒe ke eye esesẽ ŋutɔ be woake ɖe eŋu. Medii le afi sia afi, meɖo ta me kplikpaa be nye asi nasu nunya kple ŋuɖoɖowo na nye biabiawo dzi, eye maɖee fia ɖokuinye be vɔ̃ɖivɔ̃ɖi nye lãdzɔdzɔ, eye bometsitsi nye tsukuku. Nyɔnu si nye gamɔ kple ɖɔ si ɖea ame la ƒe aɖi nu sẽna wu ku tɔ. Mawu naɖi be nàte ŋu asi le enu, ke nu vɔ̃ wɔla mesina le eƒe mɔtetrewo nu o. Nyagblɔla gblɔ be, “Kpɔ ɖa, nu si ŋu meke ɖo lae nye, woatsɔ nu ɖeka akpe bubu be woanya ɖoɖo si le nuwo me. Esi mele nuwo me kum, nyemeke ɖe naneke ŋu o la, mekpɔ ŋutsu si nye ame dzɔdzɔe ɖeka le ame akpe ɖeka dome, ke nyemekpɔ nyɔnu ɖeka si nye ame dzɔdzɔe la le wo katã dome o. Mekpɔe hã be togbɔ be Mawu wɔ amegbetɔwo wonye ame dzɔdzɔewo hã la, wo dometɔ ɖe sia ɖe trɔ dze eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ mɔ dzi.” Ame kae le abe nunyala ene? Ame ka ate ŋu aɖe nuwo gɔme? Nunya nana ame ƒe mo klẽna eye wòtrɔa eƒe dzedzeme kplala la. Ɖo to fia la Mebe nàɖo to fia la, elabena èka atam aɖe le Mawu ŋkume Mèganɔ kplakplakpla dzi be yeadzo le fia la ŋkume o. Mègade nya madzɔmadzɔ dzi o, elabena awɔ nu sia nu si adze eŋu. Ŋusẽ gã aɖe da megbe na fia ƒe sededewo, eye ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe eŋu alo aɖe ɖeklemi le eŋu o. Womehea to na ame siwo wɔa eƒe sewo dzi la o. Nunyalawo adi ɣeyiɣi kple mɔnukpɔkpɔ awɔ fia ƒe sewo dzi. Togbɔ be ame ƒe nukpekeamewo ate ɖe edzi vevie hã la, ɣeyiɣi kple mɔnu nyuitɔ li na nudzɔɖeamedzi. Esi ame aɖeke menya etsɔ me o ta la, ame ka ate ŋu agblɔ nya si ava dzɔ la nɛ? Ame aɖeke mate ŋu asi le ku nu o eye ŋusẽ mele ame aɖeke ŋu be wòaxe mɔ na eƒe kugbe ƒe ɖoɖo o, elabena ame aɖeke meli si ŋgɔ ku mele o. Eme kɔ ƒãa be amegbetɔ ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi mate ŋu akpe ɖe eŋu le ɣeyiɣi ma me o. Mekpɔ nu siawo katã esi mebu nu sia nu si wowɔna le ɣea te la ŋu. Ɣe aɖe ɣi li esi ame aɖu amegã ɖe ame bubuwo dzi, eye wòtoa esia me wɔa nuvevi eɖokui. Hekpe ɖe esia ŋu la, mekpɔ woɖi ame vɔ̃ɖiwo, ame siwo vaa teƒe kɔkɔe la, doa go, eye wokafua wo le du si me wowɔ esia le. Gɔmesese aɖeke mele nu sia hã ŋu o. Le esi Mawu mehea to na nu vɔ̃ wɔlawo o ta la, amewo buna be ne yewowɔ nu vɔ̃ hã la, yewole dedie. Ke ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ zi alafa ɖeka eye wòganɔa agbe kokoko hã la, nenyae nyuie be ame siwo vɔ̃a Mawu la tɔ anyo wu godoo. Ke nuvɔ̃wɔlawo manɔ agbe didi vivi o; woƒe ŋkekewo nu ava yi kaba abe vɔvɔli ene, elabena womevɔ̃a Mawu o. Nu trama aɖe le dzɔdzɔm le anyigba la dzi, edzena abe ɖe Mawu nana dzɔgbevɔ̃e dzɔna ɖe ame nyui aɖewo dzi abe ame vɔ̃ɖiwoe wonye ene, eye wònana dzɔgbenyui ame vɔ̃ɖi aɖewo abe ame nyuiwo wonye ene. Esiawo katã hã nye tofloko ko! Ale meɖo ta me be maɖu agbe le nye ŋkekewo katã me elabena mekpɔ be naneke menyo le xexe blibo la me wu be ame naɖu nu, ano nu, akpɔ dzidzɔ o eye amea nakpɔ mɔ be yeanɔ dzidzɔkpɔkpɔ sia dzi le dɔ sesẽ siwo katã Mawu ɖo na amewo katã le afi sia afi la wɔwɔ me. Esi mebu ta me be manya nu eye malé ŋku ɖe amegbetɔ ƒe dɔwɔwɔ le anyigba dzi, esi medɔa alɔ̃ le ŋkeke me loo alo le zã me o ŋuti la, tete mekpɔ nu siwo katã Mawu wɔ. Ame aɖeke mate ŋu ase nu siwo yia edzi le ɣe la te gɔme o. Togbɔ be edze agbagba be yeaku nuwo gɔme hã la, amegbetɔ mate ŋu ake ɖe woƒe gɔmesese ŋu o. Ne nunyala aɖe atɔ asi akɔ be yenya nu hã la, mate ŋu ase egɔme wòade o. Nu ɖeka koe le amewo katã ŋgɔ Megalé ŋku ɖe nuwo ŋu nyuie, eye mede dzesii be ame dzɔdzɔewo kple nunyalawo kple woƒe dɔwɔwɔwo katã le Mawu ƒe asi me. Ame aɖeke menya ne ave wo nu loo alo mave wo nu o. Esiawo katã le wo ŋgɔ. Nu ɖeka ma koe li na ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo, ame nyuiwo kple ame baɖawo, ame dzadzɛwo kple ame ƒoɖiwo, ame siwo saa vɔ kple ame siwo mesaa vɔ o. Ale si wòle na ame nyui la, nenema kee wòle na nu vɔ̃ wɔla hã. Ale si wòle na ame siwo kaa atam la, nenema kee wòle na ame siwo vɔ̃a atamkaka. Esiae nye nu vɔ̃ɖi si le nu sia nu si dzɔna le ɣea te la ŋu: nu ɖeka ma koe dzɔna ɖe amewo katã dzi. Gawu la, amewo ƒe dziwo yɔ fũu kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖi kple tsukuku le woƒe dziwo me esime wole agbe eye emegbe la, woyia kukuawo dome. Agbagbeawo si ko mɔkpɔkpɔ le. “Enyo be ame nanye avu gbagbe wu wòanye dzata kuku.” Elabena agbagbeawo nya nu ɖeka sia be yewole kuku ge ke kukuawo ya menya naneke o eye womeɖoa ŋku naneke dzi hã o. Nu sia nu si wowɔ le woƒe agbenɔɣi, abe lɔlɔ̃, fuléle alo ŋuʋaʋã ene la, woŋlɔ wo be keŋkeŋ eye wɔƒe aɖeke megale wo ŋu le xexe sia me o. Eya ta ɖu nu, nàno nu eye nàkpɔ dzidzɔ elabena wò dɔwɔwɔwo dze Mawu ŋu xoxo! Do awu nyuiwo eye mègana ɖamemi navɔ le wò ta me o. Ɖu agbe kple nyɔnu si nèlɔ̃ la, le agbemeŋkeke ʋɛ siwo le ŋgɔwò la me elabena srɔ̃ si Mawu tsɔ na wò lae nye wò fetu gãtɔ le afii le wò dagbadagbawo katã ta. Nu sia nu si nàwɔ ko la, wɔe nyuie abe ale si nàte ŋui ene elabena le ku me, afi si yi ge nàla la, dɔwɔwɔ alo ɖoɖowɔwɔ, nunya alo gɔmesese aɖeke meli o. Megalé ŋku ɖe nuwo ŋu le xexe blibo la me eye mede dzesii be ame si ƒua du sesĩe wu ame bubu ɖe sia ɖe la meɖua dzi le duɖimekekewo katã me ɣe sia ɣi o eye ame sesẽtɔ meɖua dzi le aʋawɔwɔ me ɣe sia ɣi o. Megakpɔe be enuenu la, nunyalawo daa ahe eye aɖaŋutɔwo mezua ame xɔŋkɔwo ɣe sia ɣi kokoko o, ke esiawo katã ɖina ɖe ame ko, ne amea le teƒe nyuitɔ le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. Ame aɖeke menyaa gbe si gbe dzɔgbevɔ̃e adzɔ ɖe ye dzi o. Edzɔna ko abe tɔmelã si woɖe le ɖɔ me alo xevi si woɖe le mɔ me ene. Nunya nyo wu bometsitsi Nu bubu si gawɔ dɔ tɔxɛ ɖe dzinye esi melé ŋku ɖe amegbetɔwo ƒe nyawo ŋu lae nye: Du sue aɖe nɔ anyi; ame ʋɛ aɖewo koe nɔ eme. Fia gã aɖe va kple eƒe aʋakɔ, eye woɖe to ɖee. Nunyala aɖe si nye ŋutsu dahe aɖe la nɔ du sia me. Enya nu si wòawɔ aɖe dua. Ewɔe, eye wòɖe dua tso futɔwo ƒe asime. Ke emegbe la, ame aɖeke megaɖo ŋku ŋutsu sia dzi kura o. Ale medze sii be togbɔ be nunya xɔ asi wu ŋusẽ hã la, ne nunyala la nye ame dahe ko la, woado vloe eye eƒe nuƒoƒo madze ame ŋu o. Ke nunyala ƒe nya si wògblɔna dzaa la, xɔa asi wu bometsilawo ƒe fia ƒe ɣlidodo. Nunya nyo wu aʋawɔnuwo, ke nu vɔ̃ wɔla ɖeka ate ŋu agblẽ nu geɖe. Nudzodzoe kukuwo ana amiʋeʋĩ si ʋẽna lĩlĩlĩ la ƒe atukpa blibo ɖeka gɔ̃ hã naʋẽ kũu! Ɛ̃, vodada sue aɖe ate ŋu agblẽ nunya geɖe kple bubu gã me. Nunyala ƒe dzi nana wòwɔa nyui ke bometsila ƒe dzi nana wòwɔa nu vɔ̃. Àte ŋu adze si bometsila le ale si wòle zɔzɔm le ablɔ dzi la me! Ne wò amegã do dɔmedzoe ɖe ŋuwò la, mègadzo le egbɔ o, elabena blewu tsia dɔmedzoe helĩhelĩ nu. Megade dzesi nu vɔ̃ɖi aɖe tso fiawo kple dziɖulawo ŋu esi melé ŋku ɖe nuwo ƒe yiyi me le xexea me ŋu. Mekpɔe be wona ŋusẽ gã bometsilawo hetsɔ wo ɖo amewo nu eye wometsɔ bubuteƒe na kesinɔtɔwo abe ale si dze ene o. Gawu la, mekpɔ subɔlawo wonɔ sɔ dom le esime fiaviŋutsuwo nɔ afɔ zɔm abe subɔlawo ene! Ame si ɖea vudo la, eyae gena ɖe eme. Ame si gbãa gli toa eme la, eyae da ɖuna. Ame si gbãa kpe la, eyae kpe wɔa nuvevii! Ame si dzea nake la, eyae fia sina! Ame si le fia maɖamaɖa ŋu dɔ wɔm la, wɔa eƒe ŋusẽ geɖe ŋu dɔ. Dze nunya eye nànyre fia la nyuie. Ne da ɖu ame hafi wosa gbe de daa la, ekema gbesala mewɔ dɔ nyui aɖeke o. Nya si tso nunyala ƒe nu me nyea amenuvenya, ke bometsila ƒe nuyiwo gblẽa nu le eya ŋutɔ ŋu. Eƒe nyawo ƒe gɔmedzedze nyea numanyamanya eye eƒe nyawo ƒe nuwuwu nyea tsukuku vɔ̃ɖi. Bometsila nyaa nu sia nu tso etsɔ si gbɔna la ŋu eye wòƒoa nu tso nu si wònya la ŋu tsitotsito! Ke ame ka tututu ate ŋu anya nu si le dzɔdzɔ ge? Dɔ sue aɖe ko wɔwɔ nana ɖeɖi tea eŋu ale gbegbe be ŋusẽ meganɔa eŋu hena dua me yiyi o. Babaa na dukɔ si ƒe fia nye ɖevi eye eƒe kplɔlawo mua aha ŋdi kanya gbe sia gbe. Woayra dukɔ si ƒe fia nye bubume, eƒe kplɔlawo wɔa dɔ sesĩe hafi ɖua nu eye wonoa nu bena woatsɔ ado ŋusẽ wo ɖokuiwo hena dɔ si le wo ŋgɔ la wɔwɔ. Kuviawɔwɔ nana xɔ ƒe daɖedziwo nyena ɖe eme, eye alɔgblɔlɔwɔwɔ nana xɔ ɖuɖuna. Nuɖuɖu hea nukoko vanɛ, wain hea dzidzɔ vanɛ, eye gae dia nu sia nu kpɔna. Mègado ɖiŋu na fia la le wò susu me ke gɔ̃ hã o; mègaƒo fi de kesinɔtɔ le wò xɔ gã me ke gɔ̃ hã o, elabena xevi sue aɖe agblɔ nu si nègblɔ tso wo ŋu la na wo. “Tsɔ wò abolo da ɖe tsi dzi” Na nu amewo faa elabena wò nunana atrɔ ava wò ŋutɔ gbɔwò gbe aɖe gbe emegbe. Ma wò nunanawo ɖe akpa adre alo akpa enyi me elabena ɖewohĩ wò ŋutɔ ahiã kpekpeɖeŋu geɖe le ŋkeke siwo ava la me. Ne tsi sɔ gbɔ ɖe lilikpowo me la, tsi dzana. Ne ati aɖe mu eye wòdze dziehe alo anyiehe gome la, etsia afi si wòdze. Ame si léa ŋku ɖe ya ƒe ƒoƒo ŋu la, meƒãa nu o eye ame si léa ŋku ɖe lilikpowo ŋu la, meŋea nu o. Mawu ƒe mɔwo le manyamanya me na mí abe ale si míenya ya ƒe toƒe o kple ale si ame ƒe gbɔgbɔ gena ɖe vidzĩ ƒe lãme le esime vidzĩ la le dadaa ƒe dɔme la o ene. Nɔ wò nukuwo ƒaƒã dzi ko, elabena màte ŋu anya esiwo agbe miemie o; ɖewohĩ wo katã amie. Ɖo ŋku wò Wɔla dzi le wò ɖekakpuime. Enye nu nyui wɔnuku aɖe be ame nanɔ agbe! Ele be ame si tsi, xɔ ƒe geɖe la, nakpɔ dzidzɔ gbe sia gbe le eƒe agbe me, ke wòaɖo ŋku viviti ƒe ŋkekewo dzi, elabena woasɔ gbɔ, eye nu siwo le agbe sia me la nye tofloko sɔŋ ko, ne wotsɔ wo sɔ ɖe agbe kemɛ tɔwo ŋu. Nya blibo la ƒe taƒonya Ɖekakpui, kpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpuime, eye nàna wò dzi naɖu agbe le wò ɖekakpuime. Zɔ ɖe wò dzi ƒe didi kple wò ŋku ƒe nukpɔkpɔ nu, ke nyae be Mawu adrɔ̃ ʋɔnu wò le nu siawo katã ta, eya ta ɖe nuxaxa ɖa le wò dzime, eye nàte nu vɔ̃ wɔwɔ ɖa xaa tso wò ŋutilã gbɔ, elabena ɖekapuimenɔnɔ kple ŋutsumeɖoɖo hã nye tofloko ko. Ɖo ŋku wò Wɔla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me, hafi ŋkeke vɔ̃wo nava eye ƒe siwo me màgakpɔ dzidzɔ le agbeɖuɖu ŋu le o la nagogo. Ɖo ŋku wò Wɔla dzi hafi ɣe, kekeli, ɣleti kple ɣletiviwo nado viviti, eye lilikpowo natrɔ agbɔ le tsidzadza megbe, elabena ɣeyiɣi aɖe gbɔna esime tsitsi ana wò afɔwo kple abɔwo nadzo nyanyanya, wò ata sesẽwo nagbɔdzɔ, wò aɖuwo dometɔ geɖewo natu eye wò ŋkuwo hã natsi ekema nàna wò nuyiwo namia tititi ne èle nu ɖum esi wò aɖuwo tu vɔ la ta! Àfɔ le fɔŋli, ne xeviwo de asi hadzidzi me, ke màgase nu o eye wò gbe anɔ ƒoƒom, màgate ŋu adzi ha o. Àvɔ̃ na dzidede kple gege, eye nàzu amegãɖeɖi si anɔ zɔzɔm ɖɔɖɔɖɔ, ame si nyɔnugbɔdɔdɔ magadzro o, ame si atsi tsitre ɖe ku ƒe agbo nu, eye wòagogo eƒe aƒe mavɔ esime konyifalawo nɔa ablɔ dzi zɔm. Ɛ̃, ɖo ŋku wò Wɔla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me, hafi agbe ƒe klosaloka natso, sikagba nagbã, tɔmedeze nagbã le tsi dzidzi to, tsidumɔ ƒe troƒe nafli ɖa, nàgatrɔ azu anyi si nènye tsã eye gbɔgbɔ la natrɔ ayi Mawu, ame si tsɔe na wò la gbɔ. Nyagblɔla be nuwo katã nye tofloko ko. Ke esi Nyagblɔla nye nunyala ta la, eyi nu siwo katã wònya la fiafia amewo dzi. Hekpe ɖe esia ŋu la, eƒo ƒu lododowo, eye wòma wo ɖe tanya vovovowo te, elabena Nyagblɔla menye nunyala ɖeɖe ko o, ke boŋ enye nufiala nyui aɖe hã. Menye ɖe wòfia nu si wònya la ko wo o, ke boŋ efianɛ to mɔ si do dzidzɔ na wo la dzi. Nunyala ƒe nyawo le abe nutɔame siwo tɔa ame, dea lãme na ame hena nuwɔwɔ eye woƒoa nyateƒe veviwo ɖe to la ene. Sukuvi siwo sea nu siwo woƒe nufialawo gblɔna na wo la, zua nunyalawo. Ke vinye, na woaxlɔ̃ nu wò. Seɖoƒe aɖeke meli na agbalẽ geɖe ŋɔŋlɔ o eye nusɔsrɔ̃ tea ɖeɖi ame ƒe ŋutilã ŋu. Nya blibo la ƒe taƒonyae nye: Vɔ̃ Mawu, eye nàwɔ eƒe sewo dzi, elabena esia koe nye amegbetɔwo ƒe dɔdeasiwo katã ƒe ƒuƒoƒo elabena Mawu adrɔ̃ ʋɔnu mí le nu siwo katã míewɔ le adzame kple gaglãgbe siaa, eɖanye nyui alo vɔ̃.