- Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020 Mose 5 Mose ƒe agbalẽ atɔ̃lia Mose 5 Mo5 Mose ƒe agbalẽ atɔ̃lia Mawu ɖe gbe na Israelviwo be woadzo le Horeb Nya siawo Mose gblɔ na Israelviwo katã le Yɔdan tɔsisi la ƒe go kemɛ dzi le gbedzi, le Araba balime, le Suf gbɔ le Paran kple Tofel kple Laban kple Hazerot kple Dizahab dome. Mɔzɔzɔ tso Horeb to Seir to la ŋu yi Kades Barnea la nye ŋkeke wuiɖekɛ ko ƒe azɔli. Le ɣleti wuiɖekɛlia ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe le Israelviwo ƒe mɔzɔzɔ ƒe blaenelia me la, Mose ƒo nu na Israelviwo tso se siwo katã Yehowa miaƒe Mawu de nɛ la ŋu. Esia va eme esi Israel ɖu Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, ame si nɔ Hesbon kple Ɔg, Basan fia, ame si nɔ Astarot la dzi le Edrei vɔ megbe. Mose de asi se siawo gbɔgblɔ me na Israelviwo le Yɔdan tɔsisi la ƒe go kemɛ dzi, le Moabnyigba dzi. Egblɔ na wo be: Ƒe blaene nye esi va yi, esi Yehowa, míaƒe Mawu la gblɔ na mí le Horeb to la gbɔ be, “Mienɔ afi sia wòdidi. Fifia miyi mianɔ Amoritɔwo ƒe tonyigba dzi kple Araba ƒe balime kple Negeb kple Kanaan kple Lebanon ƒe anyigbawo dzi. Anyigba sia tso Domeƒu la ŋu va se ɖe Frat tɔsisi la ŋu. Metsɔ anyigba sia katã na mi! Miyi edzi, eye miaxɔe, elabena eyae nye anyigba si ŋugbe Yehowa miaƒe Mawu do na mia tɔgbuiwo, Abraham, Isak kple Yakob kple woƒe dzidzimeviwo katã.” Toawo ƒe kplɔlawo tiatia Le ɣe ma ɣi me la, megblɔ na ameawo be, “Mehiã kpeɖeŋutɔ! Mienye agba gã aɖe nam be nye ɖeka matsɔ, elabena Yehowa miaƒe Mawu na miedzi sɔ gbɔ abe ɣletiviwo ene! Mawu nagana miadzi ɖe edzi zi akpeakpewo wu, eye wòayra mi abe ale si wòdo ŋugbee ene. Ke nu ka ame ɖeka ate ŋu awɔ le miaƒe dzrenyawo dɔdrɔ̃ kple nukpekeamewo ŋuti? Eya ta mitia ŋutsu aɖewo tso to sia to me, ame siwo nye nunyalawo, nugɔmeselawo kple nuteƒekpɔlawo, eye maɖo wo miaƒe kplɔlawo.” Ke mieɖo eŋu nam be, “Nya si nègblɔ la nyo be woawɔ ɖe edzi.” Metsɔ amegã siwo wotia tso to ɖe sia ɖe me eye wonye ŋutsu siwo nye bubumewo, eye tagbɔ li na wo la ɖo dzikpɔlawo ɖe mia nu, ɖe ame akpewo, alafawo, blaatɔ̃wo kple ewowo nu be woadrɔ̃ nyawo, eye woakpe ɖe wo ŋu le mɔ sia mɔ nu. Mede se na miaƒe ʋɔnudrɔ̃lawo le ɣe ma ɣi be, “Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na ame sia ame kple nɔvia kpakple amedzrowo gɔ̃ hã. Megblɔ na wo be, ‘Le miaƒe nyametsotsowo me la, migade ame aɖeke dzi le eƒe hotsuitɔnyenye ta o. Miwɔ nu dzɔdzɔe ɖe amegãwo kple ame gblɔewo siaa ŋu sɔsɔe. Migavɔ̃ na woƒe dzikudodo ɖe mia ŋu o, elabena Mawu teƒee miele ʋɔnu drɔ̃m ɖo. Mitsɔ nya siwo sesẽ akpa na mi la vɛ nam, eye mawɔ wo ŋu dɔ.’ Le ɣe ma ɣi me la, megblɔ nu siwo katã wòle be miawɔ la na mi.” Woɖo ŋkutsalawo ɖa Míedzo le Horeb to la gbɔ, eye míezɔ mɔ to gbegbe gã dziŋɔ la dzi. Mlɔeba la, míeva ɖo Amoritɔwo ƒe towo gbɔ, afi si Yehowa, míaƒe Mawu la ɖo na mí be míayi. Míeɖo Kades Barnea le Ŋugbedodonyigba la ƒe liƒo dzi. Megblɔ na ameawo be, “Yehowa, mía Mawu la tsɔ Amoritɔwo ƒe tonyigba sia na mí. Miyi miaxɔe abe ale si wògblɔ na mí ene. Migavɔ̃ o. Migake ɖi gɔ̃ hã o.” Wogblɔ be, “Gbã la, mina míaɖo ŋkutsalawo ɖa ne woanya mɔ nyuitɔ si dzi míato age ɖe anyigba la dzi kple du gbãtɔ si míaxɔ.” Esia nye susu nyui aɖe, eya ta meɖo ŋkutsala wuieve ɖa, ɖeka tso to ɖe sia ɖe me. Woto toawo dzi heyi Eskɔl ƒe balime. Wotsɔ afi ma ƒe kutsetse aɖewo gbɔe. Wotsɔ wo vɛ na mí eye wogblɔ be, “Míedze sii enumake be anyigba nyui aɖe ŋutɔe Yehowa, míaƒe Mawu la na mí.” Ameawo dze aglã ɖe Mawu ŋu Ke ameawo gbe be yewomayi anyigba la dzi o, eya ta wotsi tsitre ɖe Yehowa miaƒe Mawu ƒe ɖoɖo ŋuti. Wolĩ liʋĩliʋĩ le woƒe agbadɔwo me hegblɔ be, “Yehowa melɔ̃ mí o; ekplɔ mí tso Egipte be Amoritɔwo nawu mí. Nu kae le míawɔ ge? Mía nɔvi ŋkutsalawo ƒe ɖaseɖiɖi do ŋɔdzi na mí. Wobe, ‘Anyigba la dzi tɔwo nye ame dzɔatsu sesẽwo, eye gli siwo woɖo ƒo xlã woƒe duwo la kɔ yi ɖatɔ dziŋgɔli! Wokpɔ ame dzɔatsu siwo nye Anak ƒe dzidzimeviwo gɔ̃ hã le afi ma.’ ” Ke megblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o! Yehowa Mawue nye míaƒe kplɔla eye wòawɔ aʋa na mí kple eƒe nukumɔ triakɔwo abe ale si wòwɔ miekpɔ le Egipte ene. Miawo ŋutɔ mienya ale si wòlé be na mí ɣe sia ɣi le gbedzi le afi sia, abe ale si fofo léa be na via ene!” Ke nya siwo megblɔ la mewɔ dɔ aɖeke ɖe mia dzi o. Miegbe eye miexɔ Yehowa, miaƒe Mawu la dzi se o, evɔ wònye eyae kplɔ mi le mɔzɔzɔ blibo la me, tia teƒe nyuitɔwo na mi be miaƒu asaɖa anyi ɖo. Ekplɔ mi kple dzo bibi le zã me kple lilikpo dodo le ŋkeke me. Yehowa se woƒe liʋĩliʋĩlilĩ, eye wòdo dɔmedzoe ŋutɔŋutɔ. Eka atam be, “Ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã matso dzidzime vɔ̃ɖi ma me, anɔ agbe akpɔ anyigba si ŋugbe yedo na wo fofowo o, negbe Kaleb, Yefune ƒe viŋutsu ko, elabena Kaleb ya dze Yehowa yome, eya ta axɔ anyigba si dzi wòzɔ la ƒe akpa aɖe abe eƒe domenyinu ene.” Yehowa do dɔmedzoe ɖe nye gɔ̃ hã ŋu le woawo ta, eye wògblɔ nam be, “Màde Ŋugbedodonyigba la dzi o! Wò kpeɖeŋutɔ, Yosua, Nun ƒe viŋutsu akplɔ Israelviwo ɖe tewòƒe woade afi ma. De dzi ƒo nɛ esi wòle dzadzram ɖo hena ameawo kpɔkplɔ. Matsɔ anyigba la ana wo vi siwo woawo ŋutɔ wogblɔ be woaku le gbedzi. Ke mi dzidzime xoxo ma me viwo ya la, mitrɔ fifi laa, miagbugbɔ aɖo ta Ƒu Dzĩ la gbɔ.” Tete mieʋu eme be, “Míewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Míayi anyigba la dzi, awɔ aʋa ɖe eta abe ale si Yehowa, míaƒe Mawu la ɖo na mí be míawɔ ene.” Ale wokpla woƒe aʋawɔnuwo hebu be yewoaɖu anyigba blibo la dzi tɔwo dzi bɔbɔe. Ke Yehowa gblɔ nam be, “Gblɔ na wo bena, ‘Miekpɔ ayi awɔ aʋa o, elabena nyemanɔ kpli mi o. Miaƒe futɔwo aɖu mia dzi.’ ” Megblɔe na wo, gake womeɖo tom o, ke boŋ wogatsi tsitre ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo ŋuti heyi tonyigba la dzi hena aʋawɔwɔ. Ke Amoritɔwo, ame siwo nɔ afi ma la kpe aʋa kpli wo, nya wo ɖe du nu abe anyiwo ene, eye wowu wo tso Seir va se ɖe keke Horma. Wotrɔ gbɔ, eye wofa avi le Yehowa ŋkume, gake meɖo to wo o. Ale wonɔ afi ma, Kades, ɣeyiɣi didi aɖe. Tsaglalãtsatsa le gbedzi Míetrɔ, gbugbɔ to gbegbe la heɖo ta Ƒu Dzĩ la gbɔ, elabena nenemae Yehowa ɖo nam. Míetsa tsaglalã le Seir to la gbɔ ƒe geɖewo. Mlɔeba la, Yehowa gblɔ nam be, “Mienɔ to sia ŋu wòdidi. Mitrɔ ɖo ta anyiehe lɔƒo. Gblɔ na ameawo be wole wo nɔviwo, Edomtɔwo ƒe anyigba dzi to ge. Ame siawoe nye Esau ƒe dzidzimevi siwo le Seir. Dzidzi aƒo Edomtɔwo, eya ta mikpɔ nyuie. Migaho aʋa ɖe wo ŋu o, elabena metsɔ Seir to la ƒe tonyigbawo katã na wo tegbetegbe, eye nyematsɔ woƒe anyigba ƒe kakɛ aɖeke ana mi o. Mixe fe na wo ɖe woƒe nu si miaɖu kple woƒe tsi si ŋu dɔ miawɔ la ta.” Yehowa, míaƒe Mawu la kpɔ mía ta, eye wòyra míaƒe afɔɖeɖe ɖe sia ɖe le míaƒe mɔzɔzɔ me le ƒe blaene siawo katã me, esime míetsa tsaglalã le gbegbe gã la. Naneke mehiã mí le ɣeyiɣi ma katã me o! Ale míeto Edom, afi si mía nɔviwo Esau viwo nɔ le Seir. Míeto Araba mɔ si to anyigbeme yi Elat kple Ezion Geber, eye míeto dzigbeme ɖo ta Moab gbegbe la. Yehowa míaƒe Mawu de se na mí be, “Migaho aʋa ɖe Moabtɔwo hã ŋu o, elabena nyematsɔ woƒe anyigba ƒe akpa aɖeke na mi o. Metsɔe na Lot ƒe dzidzimeviwo!” “Emitɔwo nɔ afi ma tsã. Wonye dukɔ gã aɖe, eye wodzɔ atsu abe Anak ƒe viwo ene. Woyɔa Emitɔwo kple Anaktɔwo be Refaimtɔwo, ke Moabtɔwo yɔa wo be Emitɔwo. Horitɔwoe nɔ Seir tsã, ke Edomtɔwo, Esau ƒe dzidzimeviwo nya wo hexɔ wo teƒe abe ale si Israelviwo ava xɔ Kanaantɔwo, ame siwo ƒe anyigba Yehowa tsɔ na Israelviwo la teƒe ene. “Yehowa gblɔ be, ‘Mitso Zered tɔʋu la azɔ,’ eye míetsoe. “Ale míezɔ mɔ ƒe blaetɔ̃-vɔ-enyi hafi te ŋu to Zered mlɔeba, heɖo Kades, elabena Yehowa ka atam be míaɖo Kades o, va se ɖe esime ame siwo katã tsi ate ŋu ayi aʋa le ƒe blaetɔ̃-vɔ-enyi si va yi me la katã ku hafi. Ɛ̃, Yehowa ƒe asi tsi tsitre ɖe wo ŋu va se ɖe esime wo katã woku. “Le esia megbe la, Yehowa gblɔ nam be, ‘Egbe la, Israelviwo ato Moab nyigba ƒe liƒo dzi le Ar, age ɖe Amonitɔwo ƒe anyigba dzi. Ke migaho aʋa ɖe wo ŋu o, elabena nyematsɔ woƒe anyigba ƒe akpa aɖeke na mi o. Metsɔe na Lot ƒe dzidzimeviwo.’ “Refaimtɔwo nɔ afi ma hã kpɔ. Amonitɔwo yɔ wo be Zanzumitɔwo. Wonye dukɔ gã sesẽ aɖe, eye wokɔ abe Anaktɔwo ene. Ke Yehowa tsrɔ̃ wo esime Amoritɔwo va anyigba la dzi, eye woxɔ wo teƒe. Nenema ke Yehowa kpe ɖe Esau ƒe dzidzimeviwo ŋu le Seir to la gbɔ, eye wotsrɔ̃ Horitɔwo, ame siwo nɔ afi ma do ŋgɔ na wo. Nenema kee Kaftoritɔwo dze Avitɔwo, ame siwo nɔ du siwo kaka ɖe afi ma va se ɖe keke Gaza ke la dzi.” Israelviwo ɖu Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia dzi “Azɔ Yehowa gblɔ nam be, Mitso Arnon tɔsisi la, miage ɖe Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, ame si le Hesbon la ƒe anyigba dzi. Miwɔ aʋa kpli wo, eye miade asi anyigba la xɔxɔ me. Tso gbe ma gbe dzi la, mana anyigbadzitɔwo katã nade asi dzodzo me nyanyanya le mia vɔvɔ̃ kple miaƒe afi ma ɖoɖo ta.” “Tso Kedemot gbegbe la, meɖo ame dɔdɔwo ɖe Fia Sixɔn le Hesbon be míawɔ ŋutifafa kple eƒe amewo. Míebia be, ‘Na míato wò anyigba dzi ayi. Míanɔ mɔ gã la dzi ko; míage ɖe miaƒe agblewo me le ɖusime loo alo miame o. Míafi miaƒe nuɖuɖu ne míele eme tsom o, ke boŋ míaxe fe ɖe miaƒe nu si míaɖu kple miaƒe tsi si míano la ta. Nu si biam míele koe nye be míato wò anyigba dzi ayi.’ Edomtɔwo ɖe mɔ na mí le Seir míeto woƒe anyigba dzi. Moabtɔwo hã wɔ nenema ke na mi le Ar. Míele mɔ dzi be míatso Yɔdan, ayi anyigba si Yehowa míaƒe Mawu tsɔ na mí la dzi.” Ke Hesbon fia Sixɔn melɔ̃ be mía egbɔ ayi o, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la na wòsẽ dzi me, ale be wòate ŋu aɖe asi le Sixɔn ŋu na mi abe ale si wòwɔe fifia ene. Azɔ la, Yehowa gblɔ nam be, “Medze Fia Sixɔn ƒe anyigba tsɔtsɔ na mi gɔme. Ne miexɔe la, azu Israelviwo tɔ tegbetegbe.” Eye Sixɔn kple eƒe aʋakɔ blibo la ho aʋa va kpe mí le Yahaz. Ke Yehowa, míaƒe Mawu la na míeɖu wo dzi, xɔ woƒe duwo katã. Míetsrɔ̃ woƒe nu sia nu kple woƒe nyɔnuwo kple woƒe vidzĩwo katã. Míena naneke tsi agbe o, negbe woƒe nyiwo ko. Míetsɔ woƒe nyiwo abe míaƒe fetu ene kpe ɖe afunyinu siwo míelɔ tso woƒe du siwo míexɔ me la ŋu. Míexɔ teƒe ɖe sia ɖe tso Aroer yi Gilead, tso Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe liƒo dzi kple du siwo katã le bali la me. Woƒe du aɖeke mesẽ wu mí o elabena Yehowa, mía Mawu la tsɔ wo katã de asi na mí. Ke míegblẽ Amonitɔwo kple Yabok tɔsisi la kple du siwo le tonyigba la dzi kple teƒe siwo me Yehowa, míaƒe Mawu, de se na mí be míagage ɖo o la ɖi. Woɖu Ɔg, Basan fia dzi Azɔ míetrɔ ɖo ta Ɔg, Basan fia ƒe anyigba dzi. Ɔg ƒo eƒe aʋakɔ nu ƒu enumake eye wokpe aʋa kpli mí le Edrei. Ke Yehowa gblɔ nam be, “Mègavɔ̃e o, elabena matsɔ eya ŋutɔ kple eƒe aʋakɔ blibo la kpakple eƒe anyigba blibo la ade asi na wò; eye nawɔe abe ale si nèwɔ Fia Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, le Hesbon ene.” Ale Yehowa miaƒe Mawu tsɔ Ɔg, Basan fia hã kple eƒe dukɔ blibo la de asi na mi, eye míewu wo katã, ale be ame aɖeke metsi agbe ahayi sisi ge o. Míexɔ eƒe du blaadeawo katã kple Basan ƒe to si woyɔna be Argob. Woɖo gli kɔkɔwo ƒo xlã du siawo, eye wode gakpogbowo wo nu. Míexɔ du siwo katã womeɖo gli ƒo xlãe o la hã. Míetsrɔ̃ Basan fiaɖuƒe la keŋkeŋ abe ale si míetsrɔ̃ Fia Sixɔn ƒe fiaɖuƒe le Hesbon ene, eye míewu ameawo katã, ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo siaa. Ke mieha woƒe nyiwo kple afunyinuwo na mía ɖokuiwo. Azɔ la, Amoritɔwo ƒe fia eveawo ƒe anyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe go kemɛ dzi la zu mía tɔ. Anyigba sia tso Arnon ƒe balime yi Hermon to la gbɔ. (Sidontɔwo yɔa Hermon to la be Sirion le esime Amoritɔwo yɔe be Senir.) Míexɔ du siwo katã le tonyigba la dzi kple esiwo le Gilead kple Basan azɔ va se ɖe keke Saleka kple Edrei. (Ɔg, Basan fiae nye ame dzɔtsu, Refaimtɔwo ƒe mamlɛtɔ. Wotsɔ eƒe gabati dzra ɖo ɖe nuwo dzraɖoƒe le Raba, si nye Amonitɔwo ƒe duwo dometɔ ɖeka me. Gabati sia didi afɔ wuietɔ̃ kple afã, eye wòkeke afɔ ade.) Anyigba la mama Míetsɔ anyigba si míexɔ la na Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe to afã la ƒe viwo. Metsɔ anyiehenyigba si tso Areor le Arnon tɔsisi la gbɔ kple Gilead to la ƒe afã kple eƒe duwo na Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo. Manase ƒe viwo xɔ Gilead ƒe akpa mamlɛtɔ kple teƒe si Fia Ɔg ƒe fiaɖuƒe nɔ le Argob nuto me. Woyɔa Basan ɣe aɖewo ɣi be, “Refaim ƒe Anyigba.” Manase ƒe hlɔ̃ si woyɔna be Yair la xɔ Argob nuto me blibo la, si nye Basan va se ɖe Gesuritɔwo kple Makatitɔwo ƒe liƒowo dzi. Wotsɔ woawo ŋutɔwo ƒe ŋkɔ na anyigba la be Havɔt Yair si gɔmee nye “Yair ƒe Kɔƒewo” abe ale si wogayɔa wo egbegbe ene. Metsɔ Gilead na Makir ƒe hlɔ̃. Ruben kple Gad ƒe towo xɔ anyigba tso Yabok tɔsisi la ŋu le Gilead, afi si Amonitɔwo ƒe anyigba dze egɔme tso va se ɖe Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe titina. Woxɔ Araba gbegbe si Yɔdan tɔsisi la do liƒo na le ɣetoɖoƒe, tso Kineret va se ɖe Pisga kple Dzeƒu la, si wogayɔna be Araba ƒu la ŋu. Mede se na mi be, “Yehowa, miaƒe Mawu, tsɔ anyigba sia na mi, ne woanye mia tɔ. Mi kalẽtɔwo katã mibla akpa dze mia nɔvi Israelviwo ŋgɔ. Ke mia srɔ̃wo kple mia viwo ya ate ŋu anɔ afi sia le du siwo metsɔ na mi la me; woanɔ miaƒe nyiwo dzi kpɔm va se ɖe esime miatrɔ agbɔ, eye mana to bubuawo hã naɖu woƒe futɔwo dzi. Ne woxɔ anyigba si Yehowa, míaƒe Mawu la tsɔ na wo le Yɔdan tɔsisi la godo la, ekema miate ŋu atrɔ va afi sia, si nye miawo ŋutɔ ƒe anyigba la dzi.” Mawu na be Mose metso Yɔdan tɔsisi la o Megblɔ na Yosua be, “Wò ŋutɔ èkpɔ nu si Yehowa miaƒe Mawu wɔ fia eve mawo. Miwɔ nu ma tɔgbi ke fiaɖuƒe siwo le Yɔdan tɔsisi la godo. Mègavɔ̃ dukɔ siwo le afi ma la o, elabena Yehowa, wò Mawu la awɔ aʋa na wò.” Meƒo koko sia na Yehowa le ɣe ma ɣi be, “Aƒetɔ Yehowa, wò ŋutɔ ède asi wò gãnyenye kple wò abɔ sesẽ la ɖeɖe fia wò subɔla me xoxo, elabena Mawu kae le dziƒo alo anyigba dzi si ate ŋu awɔ wò nuwɔna siawo tɔgbi? Meɖe kuku na wò, na made anyigba nyui si le Yɔdan tɔsisi la godo la dzi dzro, be makpɔ to nyui ma kple Lebanon.” Ke Yehowa do dɔmedzoe ɖe ŋunye le miawo ta, eye meɖe mɔ nam be matso tɔsisi la o. Eɖe gbe nam be, “Esɔ gbɔ, mègaƒo nu tso nya sia ŋu azɔ o, ke boŋ yi Pisga to la tame, afi si nàte ŋu ɣetoɖoƒe kple anyiehe, dziehe kple ɣedzeƒe gome ɖa; àkpɔ anyigba la le didiƒe tso afi ma. Ke màtso Yɔdan tɔsisi la o. Na Yosua naxɔ ɖe tewòƒe. De dzi ƒo nɛ, elabena eyae akplɔ ameawo atso tɔsisi la be woaxɔ anyigba si nàkpɔ tso to la tame.” Míetsi bali la me le Bet Peor kasa. Nuxɔxlɔ̃ na sedziwɔwɔ “O! Israel, azɔ la, se se kple ɖoɖo siwo mele fia wò ge, lé wo me ɖe asi ale be nànɔ agbe ayi aɖaxɔ anyigba si Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la le mia nam. Mègatsɔ naneke kpe se siwo mede na wò, eye mègaɖe naneke le wo me o, ke boŋ lé Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe se siwo mele mia nam la me ɖe asi. Miawo ŋutɔ miekpɔ nu si Yehowa wɔ le Baal Peor kple miaƒe ŋkuwo. Yehowa, miaƒe Mawu la tsrɔ̃ ame siwo katã dze Baal Poer yome la le mia dome. Ke mi ame siwo katã ku ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋuti la, miegale agbe va se ɖe egbe. “Kpɔ ɖa, mefia se kple ɖoɖo siwo Yehowa, nye Mawu de nam la mi ale be mialé wo me ɖe asi le anyigba si dzi mieyina be yewoaxɔ la dzi. Milé ŋku ɖe wo ŋu nyuie, elabena esiae aɖe miaƒe nunya kple nugɔmesese afia dukɔ siwo ase se siawo, eye woagblɔ be, ‘Vavãe, dukɔ xɔŋkɔ sia me tɔwo nye nunyalawo kple nugɔmeselawo.’ Dukɔ bubu kae li, si xɔ ŋkɔ ale gbegbe be woƒe mawuwo tsɔ ɖe wo gbɔ abe ale si Yehowa, míaƒe Mawu la tsɔ ɖe mia gbɔ ne míedo gbe ɖa nɛ ene? Eye dukɔ bubu kae gali si de ŋgɔ ale gbegbe be, se kple ɖoɖo dzɔdzɔe siawo tɔgbi le wo si abe se siwo metsɔ le mia ŋkume ɖom egbea ene? Ke ɖeko miakpɔ nyuie, akpɔ mia ɖokuiwo dzi nyuie, ale be miagaŋlɔ nu siwo miaƒe ŋkuwo kpɔ alo ana woado le miaƒe dzi me zi ale si miele agbe o. Mifia wo mia viwo kple wo vi siwo ava ɖe wo yome. “Miɖo ŋku ŋkeke si dzi mietsi tsitre ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume le Horeb to la gbɔ, esi wògblɔ nam be, ‘Ƒo ameha la nu ƒu ɖe nye ŋkume be, woase nye nyawo ale be woasrɔ̃ ale si woade bubu ŋunye zi ale si wole agbe le anyigba la dzi, eye woawo hã woafia wo viwo.’ Mietsi tsitre ɖe to la te, dzo ƒe aɖewo do tso to la me yi keke dziŋgɔli me ke, eye lilikpo yibɔwo kple viviti tsiɖitsiɖi ƒo xlã to la. Tete Yehowa ƒo nu na mi to dzo bibi la me. Miese eƒe nyawo, gake miekpɔ eya ŋutɔ o. Eƒe gbe ko mise. Eɖe gbeƒã eƒe nubabla, eƒe Se Ewoawo, siwo wòde na mi be mialé wo me ɖe asi, eye woŋlɔ wo ɖe kpe kpakpa eve dzi na mi. Ɣe ma ɣie Yehowa gblɔ nam be mafia ɖoɖo kple se siwo me mialé ɖe asi le anyigba si miele Yɔdan tɔsisi la tsom be miaxɔ la dzi.” Sedede tso legbawo subɔsubɔ ŋuti “Miekpɔ nɔnɔme aɖeke tɔgbi gbe si gbe Yehowa ƒo nu na mi le Horeb tso dzo la me o, eya ta mikpɔ mia ɖokuiwo dzi nyuie, ale be miadze nu vɔ̃ me, eye miawɔ legba aɖeke na mia ɖokuiwo ɖe nɔnɔme aɖeke me o; ne wowɔe wòɖi ŋutsu alo nyɔnu o, alo wòɖi lã aɖe le anyigba dzi alo xevi dzodzoe aɖeke loo alo lã sue si ƒua du le anyigba alo tɔmelã o. Kpe ɖe esia ŋu la, migawu mo dzi be yewoasubɔ ɣe, ɣleti alo ɣletiviwo o. Yehowa miaƒe Mawu akpɔ nublanui na dukɔ bubu siwo awɔ nu sia, gake makpɔ nublanui na miawo ya o. Yehowa ɖe mi tso kluvinyenye me le Egipte be mianye yeƒe dukɔ tɔxɛ kple eya ŋutɔ ƒe domenyilawo, eye woawoe nye nu siwo mienye egbe. Ke edo dɔmedzoe ɖe ŋunye ɖe miawo ta. Eka atam be nyematso Yɔdan tɔsisi la age ɖe anyigba nyui si Yehowa miaƒe Mawu tsɔ na mi abe miaƒe domenyinu ene la dzi o. Ele be maku le afi sia, le Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa sia dzi. Mikpɔ nyuie be miagagblẽ nubabla si Yehowa, miaƒe Mawu wɔ kpli mi la me o! Miagblẽ nubabla sia me ne miewɔ legbawo, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la de se sesẽ ɖe nu sia nu. Yehowa miaƒe Mawu la nye dzo si fiaa nu kple Mawu si ʋãa ŋu. “Ne mieva nɔ anyigba la dzi eteƒe didi, ne miedzi mia viwo kple tɔgbuiyɔviwo, eye miegblẽ kɔ ɖo na mia ɖokuiwo to legbawo wɔwɔ me, eye Yehowa miaƒe Mawu la do dɔmedzoe ɖe mia ŋu kaɖikaɖi le miaƒe nu vɔ̃wo ta la, ekema dziƒo kple anyigba anye ɖasefowo be woatsrɔ̃ mi kaba le anyigba la dzi. Fifia, esusɔ vie miatso Yɔdan tɔsisi la, eye miaxɔ anyigba ma. Ke miaƒe ŋkekewo le afi ma anɔ kpuie, elabena woatsrɔ̃ mi keŋkeŋ. Yehowa akaka mi ɖe dukɔwo dome, eye miagasɔ gbɔ o. Le didiƒenyigbawo dzi la, miasubɔ legba siwo wowɔ kple ati kple kpe, legba siwo mekpɔa nu, sea nu, ɖua nu alo sea nu ƒe ʋeʋẽ o. “Ke miagade asi Yehowa, miaƒe Mawu la didi me. Miakpɔe ne miedii kple miaƒe dzi kple luʋɔ blibo. Ne vevesese ƒe ŋkeke mawo va tu mi emegbe la, miatrɔ ava Yehowa, miaƒe Mawu la gbɔ mlɔeba, eye miaɖo to eƒe nyawo azɔ, elabena Yehowa miaƒe Mawu kpɔa nublanui na ame. Magblẽ mi ɖi o, matsrɔ̃ mi o, eye maŋlɔ ŋugbe siwo wòdo na mia fofowo la be o.” Yehowae nye Mawu “Mida ŋku ɖe xexea me ƒe ŋutinya me tso keke esime Mawu wɔ amegbetɔ ɖe anyigba dzi. Midii tso dziƒo ƒe akpa ɖeka yi akpa bubu ne miakpɔe ɖa be nya sia tɔgbi dzɔ kpɔ mahã. Dukɔ blibo se Mawu ƒe gbe wòƒo nu nɛ tso dzo bibi me, abe ale si miawo miese ene, eye dukɔ la gali! Teƒe bubu kae miagate ŋu akpɔ ale si Mawu ɖe dukɔ aɖe tso kluvinyenye me, eye wòɖo dɔvɔ̃ dziŋɔwo ɖa, wɔ nukunu triakɔwo, eye wòhe aʋawɔwɔ kple ŋɔdzi vɛ la ƒe kpɔɖeŋu le? Nu sia tututue Yehowa, miaƒe Mawu la wɔ na mi le Egipte le miawo ŋutɔ mia ŋkume. Ewɔ nu siawo ale be miadze sii, be Yehowae nye Mawu, eye mawu bubu aɖeke megali abe eya ene o. Ena miese eƒe gbe wònɔ nu fiam mi tso dziƒo. Ena miekpɔ eƒe dzo bibi gã la le anyigba dzi. Miese eƒe gbe gɔ̃ hã tso dzo bibi la titina. “Esi wòlɔ̃ mia tɔgbuiwo, eye wòdi be yeayra woƒe dzidzimeviwo tae eya ŋutɔ kplɔ mi tso Egipte kple eƒe ŋusẽ gã la ɖeɖe fia. Enya dukɔ siwo sesẽ wu mi sãa la ɖa, eye wòtsɔ woƒe anyigbawo na mi abe domenyinu ene, abe ale si wòle egbe ene. Esiae nye nu si ŋuti miabu egbe: Yehowae nye Mawu le dziƒo kple anyigba afi sia; le eya megbe la, Mawu bubu aɖeke megali o! Ele be miawɔ se siwo made na mi egbe la dzi, ale be nu sia nu nanyo na mi kple mia viwo, eye mianɔ anyigba si Yehowa, miaƒe Mawu la le mia nam la dzi tegbetegbe.” Sitsoƒeduwo Le esia megbe la, Mose ɖoe na Israelviwo be woatia du etɔ̃ le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo, ale be ne ame aɖe wu ame to nu maɖowɔ me la, wòate ŋu asi ayi du siawo me, eye wòanɔ dedie. Du siawo dometɔ ɖekae nye Bezer, le gbegbe la ƒe tonyigba dzi. Du sia li na Ruben ƒe viwo. Du eveliae nye, Ramot le Gilead. Eya li na Gad ƒe viwo. Du etɔ̃liae nye Golan, le Basan, eye wòli na Manase ƒe viwo. Seawo ƒe ŋgɔdonya Se siwo gbɔna la nye se siwo Mose de na Israelviwo, esi wodzo le Egipte, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Yɔdan tɔsisi la ƒe go kemɛ dzi le Bet Peor kasa. Anyigba sia dzie Amoritɔwo nɔ tsã le woƒe Fia Sixɔn te, eye woƒe fiadu nye Hesbon. Mose kple Israelviwo tsrɔ̃ Fia Sixɔn kple eƒe amewo. Israel xɔ Fia Sixɔn kple Basan fia Ɔg ƒe anyigba. Sixɔn kple Ɔg wonye Amoritɔwo ƒe fia eveawo, ame siwo nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. Israelviwo xɔ anyigba la katã tso Aroer si le Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe liƒo dzi va se ɖe Sirion to (si wogayɔna be Hermon to) la gbɔ kple Arabanyigba la katã, le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe yi Dzeƒu la nu, le Pisga to la te. Mose gate gbe ɖe Se Ewoawo dzi na Israelviwo Mose gaƒo nu na Israelviwo gblɔ be, Miɖo to nyuie miase se siwo katã Yehowa de na mi. Misrɔ̃ wo, eye miakpɔ egbɔ be yewowɔ wo dzi! Yehowa mía Mawu la bla nu kpli mi le Horeb to la gbɔ. Mebla nu kple mia tɔgbuiwo o, ke boŋ kple mi ame siwo le agbe, le afi sia fifia Eƒo nu kpli mi ŋkume kple ŋkume tso dzo bibi la titina le afi ma, le to la gbɔ. Menɔ miawo kple Yehowa dome, elabena mienɔ vɔvɔ̃m, eye mieyi egbɔ le to la dzi o. Eƒo nu nam, eye metsɔ eƒe seawo na mi. Nya siwo wògblɔ la woe nye: “Nyee nye Yehowa, wò Mawu, si kplɔ wò tso kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi. “Mègasubɔ mawu bubu aɖeke kpe ɖe ŋunye o. Mègawɔ legba aɖeke na ɖokuiwò o, eɖanye nu siwo le dziƒo alo anyigba dzi afii loo, alo tɔ me la ƒe nɔnɔme o. Mègade ta agu na wo o, eye mègasubɔ wo le mɔ aɖeke nu o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋue menye. Mehea to na ɖevi siwo léa fum la ɖe wo fofowo ƒe vodadawo teƒe va se ɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi. Ke meɖea nye lɔlɔ̃ fiaa dzidzime akpe nane siwo lɔ̃am, eye wowɔa nye seawo dzi. Mègayɔ Yehowa, wò Mawu la ƒe ŋkɔ dzodzro o, elabena Yehowa magbe tohehe na ame si yɔ eƒe ŋkɔ dzodzro la o. Wɔ ɖe Dzudzɔgbe la dzi, eye nàwɔe kɔkɔe abe ale si Yehowa, wò Mawu la de se na wòe ene. Wɔ wò dɔwo katã le ŋkeke ade me, ke ŋkeke adrelia nye Yehowa, wò Mawu la ƒe Dzudzɔgbe. Mègawɔ dɔ aɖeke le edzi o. Wò aƒemetɔ aɖeke hã mekpɔ mɔ awɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o, eɖanye viwò ŋutsuwo, viwò nyɔnuwo, wò dɔlaŋutsu, wò dɔlanyɔnu, wò nyiwo, wò tedziwo alo wò lãwo katã o. Ele be amedzro siwo le mia dome gɔ̃ hã nawɔ se sia dzi. Ele be ame sia ame nadzudzɔ abe ale si wò ŋutɔ nàwɔ ene. Ɖo ŋku edzi be, ènye kluvi le Egipte kpɔ, eye Yehowa, wò Mawu la kplɔ wò do goe tso teƒe ma kple asi sesẽ kple abɔ si wòdo ɖe dzi. Le esia ta Yehowa, wò Mawu la de se na wò be nàɖo ŋku Dzudzɔgbe la dzi. Bu fofowò kple dawò. Ɖo ŋku edzi be esiae nye Yehowa, wò Mawu la ƒe se. Ne èwɔ ɖe edzi la, ànɔ agbe didi, eye wòadze edzi na wò le anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nawòm la dzi. Mègawu ame o. Mègawɔ ahasi o. Mègafi fi o. Mègaɖi aʋatsoɖase le hawòvi ŋuti o. Mègabia ŋu hawòvi ɖe srɔ̃a ta alo ɖe eƒe aƒe, anyigba, dɔlaŋutsu, dɔlanyɔnu, nyiwo, tedziwo loo, alo nu sia nu si nye etɔ la ta o.” Yehowa de se siawo na mia dometɔ ɖe sia ɖe tso dzo bibi la titina esime lilikpo la kple viviti tsiɖitsiɖi ƒo xlã Sinai to la, se mawo ko wòde na mi ɣe ma ɣi, eye megatsɔ bubu aɖeke kpee o. Eŋlɔ wo ɖe kpe kpakpa eve dzi hetsɔ nam. Ke esi miese gbe sesẽ la tso viviti la me, eye miekpɔ dzo bibi dziŋɔ la le to la tame la, miaƒe toawo ƒe kplɔlawo katã va gbɔnye, eye woɖe kuku be, “Egbe la, Yehowa, míaƒe Mawu la ɖe eƒe ŋutikɔkɔe kple gãnyenye fia mí. Míese eƒe gbe gɔ̃ hã tso dzo bibi la titina. Azɔ la, míenya be ame ate ŋu aƒo nu kple Mawu, eye maku o. Ke míeka ɖe edzi be míaku ne Yehowa míaƒe Mawu gaƒo nu na mí azɔ. Dzo bibi dziŋɔ sia atsrɔ̃ mí. Ame kae ate ŋu ase Mawu gbagbe la ƒe gbe tso dzo bibi la titina abe ale si míawo míesee ene, eye wòatsi agbe? Yi nàɖo to nya siwo katã Yehowa, míaƒe Mawu la le gbɔgblɔm, eye nàva gblɔe na mí, ekema míaɖo to, eye miawɔ ɖe wo dzi.” Yehowa lɔ̃ ɖe miaƒe biabia la dzi, eye wògblɔ nam be, “Mese nya si wò ameawo gblɔ na wò; melɔ̃ ɖe edzi. O! Ne dzi sia tɔgbi anɔ wo me ɣe sia ɣi, eye woadi be yewoawɔ nye seawo dzi la, ekema nu sia nu anyo na wo le ŋgɔgbea, eye wòanyo na wo viwo to dzidzimeawo katã me! “Yi, nàgblɔ na wo be, woatrɔ ayi woƒe agbadɔwo me. Emegbe la, wò ŋutɔ nàtrɔ va, atsi tsitre ɖe axanye le afi sia, matsɔ nye seawo katã na wò, nàfia seawo ameawo ne woawɔ wo dzi le anyigba si mele wo na ge la dzi.” Ale Mose gblɔ na ameawo be, “Ele be miawɔ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe seawo dzi, miazɔ ɖe eƒe ɖoɖo ɖe sia ɖe nu tututu, eye miazɔ le mɔ si wòta na mi la dzi pɛpɛpɛ. Ne miewɔ esia la, eya ko hafi mianɔ agbe didi, eye wòadze edzi na mi le anyigba si xɔ ge miala la dzi.” Lɔ̃ Yehowa, wò Mawu la Yehowa, miaƒe Mawu la gblɔ nam be matsɔ se siawo katã na mi, miawɔ ɖe wo dzi le anyigba si dzi yi ge miala fifia, eye mianɔ la dzi. Se siawo ƒe taɖodzinue nye woana miawo, mia viwo kple mia tɔgbuiyɔviwo miavɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la to eƒe ɖoɖowo katã dzi wɔwɔ me le miaƒe agbemeŋkekewo katã me. Ne miete ŋu wɔe la, ƒe geɖe siwo me nunyoname geɖewo le la anɔ mia ŋgɔ, eya ta O! Israel, ɖo to se ɖe sia ɖe, eye nàkpɔ egbɔ be yewɔ ɖe wo dzi ale be nàkpɔ dzidzedze le nu sia nu me, eye nàdzi sɔ gbɔ. Ne èwɔ ɖe se siawo katã dzi la, àzu dukɔ gã aɖe le anyigba nyui la dzi afi si “notsi kple anyitsi bɔ ɖo” abe ale si fofowòwo ƒe Mawu la do ŋugbe na wò ene. O! Israel, ɖo to: Yehowa míaƒe Mawu la, Yehowa ɖeka koe. Ele be nàlɔ̃ Yehowa, wò Mawu la kple wò dzi blibo, wò luʋɔ blibo kple wò ŋusẽ blibo. Hekpe ɖe esia ŋuti la, ele be nàbu se siwo mele nawòm egbe la ŋu ɣe sia ɣi. Ele be nàkui ɖe to me na viwòwo, eye nàƒo nu na wo tso wo ŋu ne miele aƒe me alo ne miele tsa ɖim, le anyimlɔɣi kple fɔfɔɣi abe nu gbãtɔ ene le ŋdi me. Tsi wo ɖe wò asibidɛ ŋu abe dzesi ene, bla wo ɖe wò ŋgonu, eye nàŋlɔ wo ɖe ʋɔtrutiwo ŋu le wò aƒe me! Ne Yehowa, wò Mawu la kplɔ wò va ɖo anyigba si ŋugbe wòdo na fofowòwo, Abraham, Isak kple Yakob dzi, eye ne etsɔ du gã siwo me nu nyuiwo le na wò, du siwo mètso o, vudo siwo mèɖe o, waingble siwo mède o kple amiti siwo mèdo o, eye ne èɖu nu ɖi ƒo la, ekema kpɔ nyuie be, màŋlɔ Yehowa si kplɔ wò tso Egiptenyigba dzi, tso kluvinyenye me la be o. Ne èɖi ƒo la, mègaŋlɔ Yehowa, wò Mawu la vɔvɔ̃ kple esubɔsubɔ be o. Wɔ eya ko ƒe ŋkɔ ŋu dɔ le atamkaka me. Mele be nàsubɔ dukɔ siwo ƒo xlã wò la ƒe mawuwo o, elabena Yehowa, wò Mawu la, ame si le mia dome la nye Mawu ʋãŋu; ate ŋu ado dɔmedzoe ɖe ŋuwò, eye wòatsrɔ̃ wò ɖa le anyigba la ŋkume. Mele be nàte Yehowa wò Mawu la kpɔ abe ale si nètee kpɔ le Masa ene o. Ele be nàwɔ eƒe sewo katã dzi. Eya ko hafi nàwɔ nu si dze, eye wònyo le Yehowa ŋkume. Ne èwɔ ɖe eƒe sewo dzi la, nu sia nu adze edzi na wò, eye nàte ŋu ayi aɖaxɔ anyigba nyui si ŋugbe Yehowa do na tɔgbuiwòwo. Hekpe ɖe esia ŋu la, ànya ame siwo le anyigba la dzi ɖa abe ale si Yehowa do ŋugbe be yeakpe ɖe ŋuwò nàwɔ ene. Ne viwò va bia wò gbe aɖe gbe be, “Nu ka see nye esi Yehowa miaƒe Mawu de na mi?” hã la, ele be nàgblɔ nɛ be, “Míenye Farao ƒe kluviwo kpɔ le Egipte. Yehowa ɖe mí tso Egipte to eƒe ŋusẽ gã la kple nukunu gãwo wɔwɔ kple fufiafia Egipte, Farao kple eƒe amewo katã me. Míekpɔ nu siawo katã kple míaƒe ŋkuwo. Yehowa kplɔ mí tso Egipte be yeate ŋu atsɔ anyigba sia, si ŋugbe wòdo na mía tɔgbuiwo la na mí. Ebia tso mía si be míawɔ se siawo katã dzi, eye míade bubu ye ŋu ale be yeate ŋu alé agbe ɖe te na mí abe ale si wòwɔ va se ɖe fifia ene, elabena ɣe sia ɣi si míewɔ ɖe Yehowa miaƒe Mawu ƒe seawo katã dzi la, nu sia nu dzea edzi na mí nyuie.” Yehowa nya anyigba la dzi nɔlawo ɖa Ne Yehowa miaƒe Mawu kplɔ wò yi Ŋugbedodonyigba la dzi, abe ale si wòle wɔwɔ ge kpuie ene la, atsrɔ̃ dukɔ adre siwo dometɔ ɖe sia ɖe lolo, eye wòsẽ wu wò. Dukɔ siawoe nye: Hititɔwo, Girgasitɔwo, Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo. Ne Yehowa, wò Mawu la tsɔ wo de asi na wò be nàtsrɔ̃ wo la, ele be nàtsrɔ̃ wo keŋkeŋ. Mègawɔ nubabla kpli wo alo nàkpɔ nublanui na wo o. Tsrɔ̃ wo keŋkeŋ. Mègaɖe srɔ̃ tso wo dome o, eye mègaɖe mɔ viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo naɖe wo vinyɔnuwo kple wo viŋutsuwo o. Ne viwòwo ɖe wo viwo la, viwòwo asubɔ woƒe mawuwo godoo. Ekema Yehowa ƒe dɔmedzoe abi ɖe ŋuwò, eye Yehowa atsrɔ̃ wò kokoko. Ele be nàmu woƒe vɔsamlekpuiwo, agbã woƒe legbawo, aho woƒe aƒeliwo aƒu anyi, eye nàtɔ dzo woƒe aklamakpakpɛwo, elabena wò la, dukɔ kɔkɔe nènye, eye wotsɔ wò na Yehowa, wò Mawu la. Etia wò tso xexemedukɔwo katã dome be nànye yeƒe dukɔ tiatia. Etia wò, eye wòkɔ eƒe lɔlɔ̃ ɖe dziwò duu, menye esi nènye dukɔ si lolo wu bubuawo ta o, elabena wòe nye suetɔ kekeake le dukɔwo dome! Esi wòlɔ̃ wò kple ale si wòwɔ atam si wòka na tɔgbuiwòwo dzi ta koe. Eya ta wòɖe wò tso kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi to eƒe ŋusẽ gã ɖeɖe fia kple nukunu triakɔwo wɔwɔ me. Eya ta nyae bena Yehowa, wò Mawu la nye Mawu nuteƒewɔla. Ewɔa eƒe ŋugbedodowo dzi na dzidzime akpewo, eye wòtsɔa lɔlɔ̃ mavɔ lɔ̃a ame siwo lɔ̃nɛ, eye wowɔa eƒe seawo dzi. Ke ame siwo léa fui la, woahe to na wo le dukɔwo ŋkume, eye woatsrɔ̃ wo. Eya ŋutɔ ahe to na wo. Eya ta wɔ ɖe se siwo katã mele tsɔtsɔm na wò egbea la dzi. Le wò seawo dzi wɔwɔ ta la, Yehowa, wò Mawu la awɔ ɖe eƒe nubabla si wòtsɔ lɔ̃ wò kple fofowòwo la dzi. Kpe ɖe esia ŋu la, alɔ̃ wò, ayra wò, eye wòawɔ wò nàzu dukɔ gã aɖe. Ana nàdzi asɔ gbɔ, wò anyigba nanyo nukuwo, eye wò lãwo hã nadzi asɔ gbɔ, ale be wò bli, wain, ami, nyiwo, alẽwo kple gbɔ̃wo asɔ gbɔ ne mieva ɖo anyigba si ŋugbe wòdo na fofowòwo be yeatsɔ na wo la dzi. Yehowa ayra wò wu dukɔ bubu ɖe sia ɖe le xexea me. Wò ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa dometɔ aɖeke matsi ko o. Woƒe lãwo gɔ̃ hã matsi ko o. Gawu la, Yehowa aɖe miaƒe dɔlélewo katã ɖa, eye mana Egiptetɔwo ƒe dɔléle siwo dzi nèɖo ŋkui nyuie la dometɔ aɖeke naɖe fu na wò o. Atsɔ dɔléle siawo katã ada ɖe wò futɔwo dzi! Ele be nàtsrɔ̃ dukɔ siwo katã Yehowa, wò Mawu la tsɔ de asi na wò. Mègakpɔ nublanui na wo o, eye mègasubɔ woƒe mawuwo o. Ne ègbe toɖoɖo, eye nèwɔ nu siawo la, dzɔgbevɔ̃e ava dziwò. Ɖewohĩ miabia mia ɖokuiwo be, “Dukɔ siawo sesẽ wu mí, aleke míate ŋu awɔ anya wo ɖa?” Ke migavɔ̃ wo o! Miɖo ŋku nu si Yehowa, miaƒe Mawu la wɔ Farao kple Egiptenyigba blibo la miekpɔ kple miawo ŋutɔ miaƒe ŋkuwo, xaxa sesẽwo, nukunuwo kple dzesi gãwo, asi sesẽ kple abɔ si wòdo ɖe dzi si Yehowa, wò Mawu la tsɔ kplɔ wò do goe la dzi la dzi nyuie. Yehowa, wò Mawu la awɔ nenema ke na ame siwo vɔ̃m nèle fifia. Gawu la, Yehowa wò Mawu la aɖo nudzodzoe teamewo ɖe wo dome va se ɖe esime ame siwo tsi agbe, eye woɣla wo ɖokuiwo la hã nàtsrɔ̃. “Mègavɔ̃ dukɔ mawo o, elabena Yehowa, wò Mawu la le mia dome; Mawu ŋusẽtɔ kple ŋɔdzitɔ wònye. Yehowa, wò Mawu la maɖe mɔ be miaɖe wo katã ɖa zi ɖeka o, ne menye nenema o la, lã wɔadãwo adzi asɔ gbɔ aɖe to ɖe wò. Ke Yehowa, wò Mawu la atsɔ wo ade asi na wò, ana woatɔtɔ va se ɖe esime woatsrɔ̃. Mawu atsɔ woƒe fiawo ade asi na wò, eye nàtutu woƒe ŋkɔwo ɖa le anyigba la ŋkume. Wo dometɔ aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe ŋuwò o. Ke boŋ àtsrɔ̃ wo. Tɔ dzo woƒe legbawo, eye wo ŋu klosalo alo sika megabiã ŋu na wò o, eye mègatsɔ wo na ɖokuiwò o, elabena ŋunyɔnue wonye na Yehowa, wò Mawu la. Mègatsɔ ŋunyɔnu aɖeke va aƒewò me o, ne menye nenema o la, wò hã àzu busunu si woɖo anyi na tsɔtsrɔ̃. Tsri wo vevie, eye woanyɔ ŋu na wò elabena busunuwoe wonye. Mègaŋlɔ Yehowa be o “Ele be miawɔ ɖe se siwo katã mede na mi egbe la dzi. Ne miewɔ wo dzi la, miatsi agbe ɖeɖe ko o, ke boŋ miadzi sɔ gbɔ, eye miayi aɖaxɔ anyigba si ŋugbe Yehowa do na mia fofowo. Mieɖo ŋku ale si Yehowa miaƒe Mawu kplɔ mi to gbedzi le ƒe blaene siawo sɔŋ me, bɔbɔ mi ɖe anyi, eye wòdo mi kpɔ be yeanya nu si miawɔ kple nenye be mialé yeƒe sewo me ɖe asi loo alo mialé wo me ɖe asi o la dzi. Ɛ̃, ebɔbɔ mi ɖe anyi esi wòna dɔ wu mi, eye wòna mana mi be miaɖu. Miawo ŋutɔ kple mia tɔgbuiwo miekpɔ mana sia kpɔ o. Ewɔe be yeana mianya be menye nuɖuɖu koe nye nu sia nu o, eye mianyae be agbe ŋutɔ le Yehowa ƒe se ɖe sia ɖe dzi wɔwɔ me. To ƒe blaene siawo katã me la, miaƒe awuwo mevuvu o, eye miaƒe afɔwo meɖo loholoho alo te o. Eya ta ele be miadze sii be Yehowa miaƒe Mawu hea to na mi be yeakpe ɖe mia ŋu abe ale si fofo hea to na via ene. “Miwɔ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe seawo dzi. Mizɔ ɖe eƒe ɖoɖowo nu, eye miavɔ̃e, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la le mia kplɔm yina anyigba nyui la dzi, afi si tɔʋuwo, tawo, tsi dzidziwo, balimewo kple towo le. Lu, mɔlu, wainkawo, amitiwo, yevuboɖatiwo le anyigba sia dzi. Nuɖuɖu bɔ ɖe anyigba sia dzi. Naneke mehiãa ame le afi ma o. Gayibɔ bɔ ɖe afi ma abe kpe ene, eye akɔbli sɔ gbɔ ɖe towo me. Ne mieɖu nu ɖi ƒo la, mikafu Yehowa, mia Mawu la le anyigba nyui si wòna mi la ta. “Ke ɣe ma ɣi tututu wòle be miaɖɔ ŋu ɖo! Mikpɔ nyuie be le ɣeyiɣi si nuɖuɖu bɔ ɖe mia si la, miagaŋlɔ Yehowa, miaƒe Mawu la be, eye miade asi aglãdzedze ɖe eŋu me o. Ne mieɖu nu ɖi ƒo, nuwo dze edzi na mi, mietu xɔ nyuiwo, miaƒe lãwo dzi, eye miaƒe klosalo kple sika sɔ gbɔ ɖe edzi la, ɣe ma ɣi tututue wòle be miaɖɔ ŋu ɖo be miagaŋlɔ Yehowa, míaƒe Mawu, si kplɔ mi tso miaƒe kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi la be o. Mikpɔ nyuie be, miagaŋlɔ Mawu, ame si kplɔ mi to gbedzi dziŋɔ la dzi, afi si da aɖivɔ̃wo kple ahɔ̃wo bɔ ɖo, teƒe si xɔ dzo heƒu la be o. Ena tsi mi tso Agakpe la me! Ena mana mi mieɖu le gbedzi. Mana nye abolo aɖe si tɔgbi ame aɖeke mekpɔ kpɔ do ŋgɔ o. Mawu wɔ esia be miabɔbɔ mia ɖokui ale be miaƒe ŋuɖoɖo ɖe ye ŋu nadzi ɖe edzi, eye yeawɔ nyui na mi. Ewɔ esia, ale be miabu ɣe aɖeke ɣi be miawo ŋutɔ miaƒe ŋusẽ mee mieto zu hotsuitɔwo o. Miɖo ŋku edzi ɣe sia ɣi be Yehowa, miaƒe Mawu la na ŋutete mi be miazu hotsuitɔwo. Ena miezu hotsuitɔwo be yeawɔ ɖe ŋugbe si yedo na mia fofowo la dzi. Ke ne mieŋlɔ Yehowa, miaƒe Mawu la be, hesubɔ mawu bubuwo ɖe eteƒe, eye miedze nu vɔ̃ mɔwo dzi la, miatsrɔ̃ godoo, abe ale si Yehowa na dukɔ bubuwo tsrɔ̃ va yi la ene. Miawo hã miatsrɔ̃ nenema ke, ne miewɔ ɖe Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe seawo dzi o.” Menye Israelviwo ƒe dzɔdzɔenyenye tae o “O! Israel, see. Èle Yɔdan tɔsisi la tso ge egbe, eye nàde asi dukɔ siwo le tɔsisi la godo la nyanya me. Dukɔ mawo tri akɔ, eye wosẽ wu wò! Woɖo gli kɔkɔwo ƒo xlã woƒe duwo. Anak ƒe viwo, ame siwo nye ame dzɔatsuwo, eye dukɔ aɖeke mate ŋu anɔ te ɖe wo nu o la le wo dome. Ke Yehowa, wò Mawu la anɔ ŋgɔ na wò abe dzo si fiaa nu ene be yeatsrɔ̃ wo ale be nàte ŋu aɖu wo dzi kaba, eye nànya wo ɖa le anyigba la dzi. “Ne Yehowa miaƒe Mawu wɔ esia na wò la, mègagblɔ na ɖokuiwò be, ‘Yehowae ve nunye, elabena menye ame dzɔdzɔe o.’ Mele nenema o. Dukɔ kemɛwo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi tae Yehowa le esia wɔ ge ɖo. Menye esi mienye ame nyui dzɔdzɔewo tae Yehowa anya wo ɖa le mia ŋgɔ ɖo o! Megale egblɔm na mi be, dukɔ kemɛwo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi tae hekpe ɖe Yehowa miaƒe Mawu ƒe ŋugbe si wòdo na mia fofowo, Abraham, Isak kple Yakob ŋu ta koe. Megale egblɔm ake be, Yehowa, miaƒe Mawu la mele anyigba nyui sia tsɔm na mi le miaƒe nyonyo ta o, elabena mienyo o. Mienye dukɔ vɔ̃ɖi kple kɔlialiatɔwo.” Sikanyivi la Migaŋlɔ be o, ke boŋ miɖo ŋku ale si miedo dɔmedzoe na Yehowa, miaƒe Mawu la enuenu le gbedzi, tso gbe si gbe miedzo le Egipte va se ɖe fifia dzi. Miedze aglã ɖe eŋu le ɣeyiɣi siawo katã me. Mieɖo ŋku ale si miedo dɔmedzoe nɛ le Horeb to la gbɔ dzi oa? Enɔ klalo be yeatsrɔ̃ mi. Menɔ toa dzi ɣe ma ɣi, eye menɔ nubabla si Yehowa wɔ kpli mi, si nye kpe siwo dzi wòŋlɔ seawo ɖo la xɔm. Menɔ afi ma ŋkeke blaene kple zã blaene. Nyemeɖu naneke le ɣeyiɣi ma katã me o. Nyemeno tsi gɔ̃ hã o. Yehowa tsɔ kpe kpakpa eve siwo dzi Mawu tsɔ eƒe asibidɛ ŋlɔ nu ɖo la nam. Se siwo katã Yehowa de na mí le toa dzi to dzo me le miaƒe takpegbe la le wo dzi. Le ŋkeke blaeneawo kple zã blaeneawo ƒe nuwuwu la, Yehowa tsɔ kpe kpakpa eveawo, nubabla ƒe kpe kpakpawo nam. Egblɔ nam be maɖi yi anyigba kaba, elabena dukɔ si mekplɔ tso Egipte la gblẽ kɔ ɖo na eɖokui; eɖe asi le Mawu ƒe seawo ŋu kaba, eye wòlolõ ga hetsɔ wɔ legbae. Tete Yehowa gblɔ nam be, “Mekpɔe be dukɔ sia nye ame kɔlialiatɔwo sɔŋ. Ɖe asi le ŋunye matsrɔ̃ wo, matutu woƒe ŋkɔwo ɖa le dziƒoa te, eye mawɔ wò boŋ wò dzidzimeviwo woazu dukɔ si akpɔ ŋusẽ, eye wòalolo wu Israel.” Metrɔ gbɔ tso to bibi la dzi le esime melé kpe eve siwo dzi Mawu ŋlɔ eƒe seawo ɖo la ɖe asi. Le toa te la, mekpɔ nyivi si miewɔ le miaƒe nu vɔ̃ si miewɔ ɖe Yehowa miaƒe Mawu ŋu me. Miegbugbɔ le Yehowa yome kaba ŋutɔ! Esia ta metsɔ kpe eveawo do ɖe dzi, eye mexlã wo ɖe anyi sesĩe! Megbã wo le mia ŋkume! Le esia megbe la, meganɔ Yehowa ŋkume ŋkeke blaene kple zã blaene numaɖumaɖu, tsimanomano, elabena miewɔ nu si Yehowa lé fui wu nu sia nu, eye miena wòdo dɔmedzoe vevie ŋutɔ. Mevɔ̃ ɖe mia nu ŋutɔŋutɔ, elabena Yehowa ɖo vevie be yeatsrɔ̃ mi. Ke egaɖo tom ɣe ma ɣi hã. Aron ɖo xaxa gã aɖe me, elabena Yehowa do dɔmedzoe ɖe eŋu ŋutɔ. Ke medo gbe ɖa, eye Yehowa kpɔ nublanui nɛ. Metsɔ miaƒe nu vɔ̃ si nye nyivi si miewɔ la, medee dzo me, tui memie wòzu ʋuʋudedi, eye metsɔ ʋuʋudedi la kɔ ɖe tɔʋu si dzɔ tso toa dzi la me. Miegado dɔmedzoe na Yehowa le Tabera, emegbe le Masa, eyome le Kibrot Hatava. Le Kades Barnea la, esi Yehowa gblɔ na mi be miage ɖe anyigba si wòtsɔ na mi dzi la, miedze aglã ɖe eŋuti, eye miexɔe se be akpe ɖe mia ŋu o. Miegbe toɖoɖoe. Ɛ̃, mienɔ aglã dzem ɖe Yehowa ŋu tso gbe si gbe ke menya mi, eya ta metsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ŋkume ŋkeke blaene kple zã blaene mawo me esime Yehowa di be yeatsrɔ̃ mi. “Medo gbe ɖa na Yehowa be, Aƒetɔ Yehowa, mègatsrɔ̃ wò ŋutɔ wò amewo o. Wò ŋutɔ wò domenyinu si nèɖe kple wò ŋusẽ triakɔ, eye nèɖe wo tso Egipte kple asi sesẽ. Ɖo ŋku wò dɔlawo, Abraham, Isak kple Yakob dzi. Mègaɖo ŋku ame siawo ƒe kɔlialia kple woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi kple woƒe nu vɔ̃wo dzi o. Ne menye nenema o la, dukɔ si me nèkplɔ mí do go tso la agblɔ be, ‘Esi Yehowa mete ŋu kplɔ wo yi anyigba si ƒe ŋugbe wòdo na wo dzi o, eye esi wòlé fu wo ta la, ekplɔ wo do goe be yeawu wo le gbedzi.’ Wò amewo kple wò domenyilawo wonye, ame siwo nètsɔ wò ŋusẽ triakɔ kple abɔ sesẽ la kplɔ tso Egipte.” Kpe kpakpa siwo ɖi gbãtɔwo “Yehowa gblɔ nam ɣe ma ɣi be makpa kpe eve bubu abe gbãtɔwo ene, matsɔ ati akpa aɖaka aɖe si me woatsɔ kpe eveawo adzra ɖo la, eye matrɔ ava ye, Mawu gbɔ le toa dzi. Egblɔ nam be yeagbugbɔ se siwo tututu yeŋlɔ ɖe kpe siwo megbã dzi la aŋlɔ ɖe kpe yeyeawo dzi, eye matsɔ wo ade Aɖaka la me. Ale metsɔ akasiati wɔ Aɖaka la. Mekpa kpe eve abe gbãtɔwo ene hetsɔ wo yi na Yehowa le to la dzi. Egaŋlɔ Se Ewoawo ɖe wo dzi tsɔ nam. Wonye se siwo tututu wònam tso dzo bibi la ƒe titina le toa dzi le mi katã ŋkume le to la te. Meɖi eye metsɔ kpe eveawo de Aɖaka si mekpa la me. Wole afi ma va se ɖe egbe abe ale si Yehowa ɖo nam ene. “Le esia megbe la, Israelviwo zɔ mɔ tso Bene Yaakan yi Mosera afi si Aron ku, eye woɖii ɖo. Aron ƒe viŋutsu Eleaza zu nunɔla ɖe eteƒe. “Wozɔ mɔ yi Gudgoda heyi Yotbata, afi si tsi bɔ ɖo. Afi mae Yehowa ɖe Levi ƒe viwo ɖe aga le be woakɔ nubablaɖaka si me Yehowa ƒe Se Ewoawo le, eye woanɔ tsitre ɖe Yehowa ŋkume awɔ Yehowa ƒe dɔ, ade bubu eƒe ŋkɔ ŋu abe ale si wowɔna egbe ene. Eya ta womena anyigba Levitɔwo le Ŋugbedodonyigba la dzi abe ale si wona wo nɔvi to bubu me tɔwo ene o, elabena Yehowa, miaƒe Mawu gblɔ na wo be ye ŋutɔe nye woƒe domenyinu. Abe ale si megblɔ do ŋgɔe ene la, menɔ to la dzi le Yehowa ŋkume zi evelia ŋkeke blaene kple zã blaene, abe ale si mewɔ zi gbãtɔ ene. Yehowa ɖo to nye kokoƒoƒo, eye metsrɔ̃ mi o. “Ke egblɔ nam be, ‘Tso, nàkplɔ ameawo yi anyigba si ŋugbe medo na wo fofowo la dzi. Ɣeyiɣi la de be woayi aɖaxɔe!’ ” Vɔ̃ Aƒetɔ la “Azɔ, Israel, nu ka Yehowa, wò Mawu la di tso asiwò wu be nàvɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, nàzɔ le eƒe mɔwo katã dzi, nàlɔ̃e, eye nàsubɔe kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo, eye nàwɔ ɖe Yehowa ƒe sewo kple ɖoɖo siwo katã mena mi egbe la dzi ale be wòanyo na wò? Kpɔ ɖa, anyigba kple dziƒo ƒe kɔkɔƒe kekeake nye Yehowa, wò Mawu la tɔ. Ke mia fofowo ƒe nu nyo eŋu, eye wòlɔ̃ wo ale gbegbe be wòtia mi, wo viwo, be miaƒo dukɔwo katã ta abe ale si wòle dzedzem egbe ene, eya ta mikɔ miaƒe nu vɔ̃ dziwo ŋu, eye miadzudzɔ kɔlialiatɔwo ƒe agbenɔnɔ. “Yehowa, miaƒe Mawu lae nye mawuwo dzi Mawu gã, ŋusẽtɔ la, Mawu si ŋu ŋɔdzi le, ame si medea ame aɖeke dzi o, eye mexɔa zãnu hã o. Ewɔa nu dzɔdzɔe na tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo. Elɔ̃a amedzrowo, eye wònaa nuɖuɖu kple nutata wo. Ele be miawo hã mialɔ̃ amedzrowo, elabena miawo hã mienye amedzrowo le Egiptenyigba dzi kpɔ. Ele be miavɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la, miasubɔe anukwaretɔe, mialé ɖe eŋu, eye miaka atam ɖe eya ɖeɖe ko ƒe ŋkɔ dzi. Eyae nye wò kafukafu, eye wòganye wò Mawu, ame si wɔ nukunu gã siwo teƒe miawo ŋutɔ miekpɔ. Mia fofowo dometɔ ame blaadre koe yi Egipte, gake azɔ la, Yehowa, miaƒe Mawu la wɔ mi miedzi sɔ gbɔ abe ɣletiviwo le dziŋgɔli me ene!” Milɔ̃ Yehowa eye miaɖo toe “Ele be nàlɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, eye nàwɔ eƒe sewo katã dzi. Miɖo to! Nyemele nu ƒom fifia na mia viwo, ame siwo mekpɔ eƒe tohehe na Egiptetɔwo alo eƒe gãnyenye kple ŋusẽ teƒe kpɔ o. Womenɔ afi ma kpɔ nukunu siwo wòwɔ le Egipte ɖe Farao kple eƒe anyigba blibo la ŋu o. Womekpɔ nu si Mawu wɔ Egiptetɔwo ƒe aʋakɔwo, woƒe sɔwo kple tasiaɖamwo, ale si wònyrɔ wo ɖe Ƒu Dzĩ la me esi wodze mia yome kple ale si Yehowa na woƒe ŋusẽ ɖe mia ŋu nu ku va se ɖe egbeŋkeke sia dzi o! Womekpɔ ale si Yehowa kpɔ mia dzi ɣe sia ɣi le ƒe siwo katã me mienɔ tsaglalã tsam le gbedzi va se ɖe esime mieɖo afi sia o. Womenɔ afi ma esime Datan kple Abiram, Eliab ƒe viŋutsuwo kple Ruben ƒe dzidzimeviwo wɔ nu vɔ̃, eye anyigba ke nu mi wo, woƒe aƒemetɔwo, agbadɔwo kple woƒe nuwo katã le Israelviwo katã ŋkume o! “Ke miawo la, miekpɔ Yehowa ƒe nukunu gã siawo teƒe, eya ta wòle be miawɔ se siwo mele mia nam egbe la dzi pɛpɛpɛ ale be miate ŋu akpɔ ŋusẽ be miayi anyigba si dzi miele gege ge ɖo fifia, eye miaxɔe. Ne miewɔ seawo dzi la, mianɔ agbe didi, eye wòadze edzi na mi le anyigba si ŋugbe Yehowa do na mia fofowo kple miawo kple miaƒe dzidzimeviwo la dzi. Anyigba la nye anyigba wɔnuku aɖe si dzi ‘notsi kple anyitsi bɔ ɖo!’ Anyigba si dzi miage ɖo, eye miaxɔ la, mele abe Egiptenyigba, afi si mietso, afi si wòhiã le be miadze tɔʋu suewo ɖe miaƒe agblewo me, ana tsi nato wo me hena miaƒe agblemenukuwo ƒe wɔwɔ ene o. Anyigba nyui aɖe si dzi towo kple balimewo le, eye tsi dzana le nyuie la wònye, anyigba si Yehowa, miaƒe Mawu la ŋutɔ léa be na, eye eƒe ŋku le anyigba la ŋu ɣe sia ɣi tso ŋkeke yi ŋkeke le ƒe blibo la me! “Ne miawɔ ɖe Yehowa ƒe se siwo katã mele mia na ge egbe la dzi pɛpɛpɛ, eye ne mialɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la kple miaƒe dzi blibo kple miaƒe luʋɔ blibo, eye miasubɔe la, ekema agana adametsi kple kelemetsi nadza na mi ale be miate ŋu akpɔ bli fũu kple waintsetse geɖewo kple ami sɔ gbɔ. Ana lãnyiƒe damawo mi hena miaƒe lãwo, eye miawo ŋutɔ miakpɔ nu aɖu, aɖi ƒo nyuie. “Ke mikpɔ nyuie be miaƒe dzi nagatrɔ le Yehowa yome be miasubɔ mawu bubuwo o. Ne miesubɔ mawu bubuwo la, Yehowa ƒe dɔmedzoe abi ɖe mia ŋu, eye wòatu dziƒo nu ale be tsi magadza o, eye agblemenukuwo mawɔ o. Ekema miatsrɔ̃ enumake le anyigba nyui si Yehowa na mi la dzi, eya ta milé se siawo ɖe ta me. Mibla wo ɖe miaƒe asiwo ŋu ale be woanɔ ŋku dzi na mi, eye miawɔ wo dzi. Mibla wo ɖe miaƒe ŋgonu le miaƒe ŋkuwo dome. Mifia wo mia viwo; miƒo nu na wo tso wo ŋu ne miele aƒe me, ne miele tsa ɖim, le anyimlɔɣi kple do ŋgɔ na ŋdinuɖuɖu! Miŋlɔ wo ɖe miaƒe ʋɔtrutiwo ŋu le miaƒe aƒewo me kple miaƒe agbowo ŋu, ale be zi ale si dziŋgɔli anɔ anyi le mia tame ko la, mi kple mia viwo miakpɔ gome le agbe vivi si le mia lalam le anyigba si ŋugbe Yehowa do na mia fofowo la dzi. “Ne miewɔ ɖe se siwo katã mede na mi dzi pɛpɛpɛ, ne mielɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la, ne miezɔ ɖe eƒe ɖoɖowo katã dzi, eye mielé ɖe eŋu la, ekema Yehowa anya dukɔwo katã ɖa le mia ŋgɔ, aleke gbegbe woasɔ gbɔ wu mi, eye woasẽ wu mi hã! Afi sia afi si miaɖo afɔe la, anyigba la anye mia tɔ. Miaƒe liƒowo akeke tso Negeb ƒe anyigbeme ayi Lebanon, agatso Frat tɔsisi la ŋu, ayi Domeƒu la ŋu. Ame aɖeke mate ŋu anɔ te ɖe mia nu o, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la ade vɔvɔ̃ ameawo me ɖe mia ŋu do ŋgɔ na mi, afi sia afi si miayi abe ale si wòdo ŋugbe na mi ene tututu. “Kpɔ ɖa, metsɔ yayra kple fiƒode le mia ŋkume ɖom egbea be miatia. Miaxɔ yayra ne miewɔ Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe se siwo metsɔ le mia nam egbe la dzi, ke fiƒode ava mia dzi ne miegbe seawo dzi wɔwɔ, eye miesubɔ dukɔ bubu siawo ƒe mawuwo. Ne Yehowa, miaƒe Mawu la kplɔ mi yi anyigba la dzi be miaxɔe la, ekema woaɖe gbeƒã yayra le Gerizim to dzi, eye woaɖe gbeƒã fiƒode le Ebal to dzi! Gerizim kple Ebal wonye towo le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo, afi si Kanaantɔwo le, le gbegbe si te ɖe Gilgal ŋu, afi si More ƒe ati gãwo le. Mitso Yɔdan tɔsisi la, eye mianɔ anyigba si Yehowa, miaƒe Mawu le mia nam la dzi. Ke ele na mi be miawɔ ɖe se siwo katã mele mia nam egbea la dzi.” Teƒe ɖeka si ko woasubɔ Mawu le “Esiawoe nye se siwo dzi wòle be miawɔ tegbetegbe ne mieva ɖo anyigba si Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la na mi la dzi. “Ele be miagbã trɔ̃wo ƒe vɔsamlekpuiwo le afi sia afi si miakpɔ wo le, le towo dzi loo, le togbɛwo tame loo, alo le ati damawo te. Migbã woƒe vɔsamlekpuiwo kple woƒe legbawo. Mitɔ dzo woƒe aƒeliwo. Mimu woƒe legba siwo wotsɔ ga tu la ƒu anyi. Migagblẽ naneke si aɖo ŋku woƒe trɔ̃wo dzi na mi la ɖi o. Miekpɔ mɔ asa vɔ na Yehowa, miaƒe Mawu la le afi sia afi ko abe ale si trɔ̃subɔlawo sãa vɔe na woƒe mawuwo ene o, ke boŋ mitu kɔkɔeƒe aɖe ɖe afi si Yehowa, miaƒe Mawu ŋutɔ afia asii na mi abe eƒe aƒe ene le miawo ŋutɔ mia dome. Afi mae miatsɔ miaƒe numevɔsawo kple vɔsa bubuawo, miaƒe nukpɔkpɔ ƒe akpa ewolia, miaƒe vɔsa siwo woatsɔ ana Mawu to wo nyenye le yame le vɔsamlekpui la ŋgɔ me, miaƒe adzɔgbeɖefewo, lɔlɔ̃nununanawo kple miaƒe lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo ayi. Afi mae miawo kple miaƒe ƒometɔwo miaɖo kplɔ̃ ɖo le Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume, eye miatso aseye le nu siwo katã wòwɔ na mi la ta. “Azɔ la, migalé miaƒe mɔwo atsɔ abe ale si miele wɔwɔm fifia ene, eye ame sia ame le nu si wòbu be enyo la wɔm o, elabena se siawo mebla mi haɖe o va se ɖe esime miaɖo dzudzɔƒe si Yehowa miaƒe Mawu ana mi. Ke ne mietso Yɔdan tɔsisi la heɖo ŋugbedodonyigba la dzi, eye Yehowa, miaƒe Mawu na dzudzɔ mi, eye wòna mievo tso miaƒe futɔwo katã ƒe asi me la, ekema ele be miatsɔ miaƒe numevɔsawo kple vɔsa bubuawo katã ayi kɔkɔeƒe la, afi si eya ŋutɔ atia abe eƒe nɔƒe ene. Miawo kple mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo kple miaƒe dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo miatso aseye le afi ma le Yehowa, miaƒe Mawu ŋkume. Miɖo ŋku edzi miakpe Levitɔwo be woaɖu nu kpli mi, elabena anyigba aɖeke mele woawo ya si o. “Mele be miasa miaƒe numevɔwo le afi sia afi ko o; misa wo le teƒe si Yehowa ŋutɔ atia ko. Atia teƒe aɖe tso afi si woma na toawo dometɔ ɖeka la me. Afi ma ko miasa vɔ le, eye miatsɔ miaƒe nunanawo ayi. Aleke wòle hã la, miate ŋu awu lãwo le miaƒe du ɖe sia ɖe me, aɖu lã si sinu mielɔ̃, abe ahlɔ̃e alo zi ene, le yayra si Yehowa, miaƒe Mawu la na mi la nu. Ame siwo ŋuti kɔ kple ame siwo ŋuti mekɔ o la siaa ate ŋu aɖui faa. Ʋu la koe miaɖu o; mina wòatsyɔ ɖe anyigba abe tsi ene. “Migaɖu miaƒe bli, ano wain yeye, alo ami ƒe ewolia o, miaƒe alẽha alo nyiha ƒe ŋgɔgbeviwo kple nu sia nu si mieɖe adzɔgbe be miana, lɔlɔ̃nununana loo alo nunana tɔxɛwo le mia ŋutɔwo ƒe du me o. Woatsɔ nu siawo katã va vɔsamlekpui la gbɔ, afi si miawo, mia viŋutsuwo kple vinyɔnuwo, miaƒe dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo kple Levitɔwo tso miaƒe duwo me, miaɖu wo le, le Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume. Yehowa agblɔ afi si vɔsamlekpui la anɔ la na mi. Mitso aseye le Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume le nu sia nu si miawɔ la me. Mikpɔ nyuie be miagaŋlɔ Levitɔwo be o, zi ale si mienɔ miaƒe anyigba dzi. “Ne Yehowa, miaƒe Mawu la keke miaƒe liƒowo ɖe edzi abe ale si wòdo ŋugbee ene la, miate ŋu aɖu lã ɣe sia ɣi si mielɔ̃. Ne teƒe si miesubɔa Mawu le didi akpa la, ekema ɣe sia ɣi si mielɔ̃ la, miate ŋu awu nyi alo alẽ si Yehowa tsɔ na mi, eye miaɖu lã la le aƒe me abe ale si mede se na mi la ene. Ame si ŋuti kɔ kple ame si ŋuti mekɔ o hã ate ŋu aɖu lã ma abe ale si wòaɖu zi alo ahlɔ̃e ƒe lã ene, gake migaɖu lã si me ʋu le la o, elabena lã ƒe agbe le eƒe ʋu me, eye mele be miaɖu agbe la kple lã la o. Migawɔ lã ƒe ʋu ŋu dɔ abe nuɖuɖu ene o, ke boŋ mitsyɔe ɖe anyigba abe tsi ene. Ne miewɔ se sia dzi la, miadze Yehowa ŋu, eye nu sia nu adze edzi na mi kple miaƒe dzidzimeviwo siaa. Mitsɔ miaƒe vɔsawo kple nu siwo ŋugbe miedo na Yehowa la yi ɖe Mawusubɔƒe ɖeka ma. Mitsɔ vɔsa siwo woame, woafia keŋkeŋ la da ɖe Yehowa miaƒe Mawu ƒe vɔsamlekpui dzi. Mitsɔ vɔsa siwo ƒe lã miaɖu, eye miakɔ ʋu la ɖe vɔsamlekpui la dzi la hã yi afi ma ke. Miwɔ se siwo katã mede na mi la dzi pɛpɛpɛ anukwaretɔe ekema nu sia nu adze edzi na mi kple miaƒe dzidzimeviwo nyuie tegbetegbe, elabena mianɔ nu si dzɔ, eye wòdzea Yehowa ŋu la wɔm. “Yehowa, miaƒe Mawu la atsrɔ̃ dukɔwo ne miege ɖe woƒe anyigbawo dzi. Miaxɔ woƒe anyigba, eye mianɔ edzi. Ne Yehowa tsrɔ̃ dukɔ mawo vɔ la, mikpɔ nyuie be miewɔ ɖe woƒe mawusubɔsubɔ ƒe kɔnyinyiwo dzi o, elabena wo dzi wɔwɔ ahe ku vɛ na mi. Migadze agbagba be yewoanya ale si wosubɔa woƒe mawuwo, ale be yewo hã yewoasubɔ le mɔ ma dzi o. Migasubɔ Yehowa, miaƒe Mawu la le mɔ si dzi wosubɔa woƒe mawuwo le la o, elabena le woƒe mawusubɔsubɔ me la, wowɔa nu dziŋɔ siwo Yehowa lé fue. Wotsɔa wo viwo gɔ̃ hã sãa vɔe le dzo si le woƒe vɔsamlekpui dzi la me. “Miwɔ se ɖe sia ɖe si mede na mi la dzi. Migakpe naneke ɖe wo ŋu o, eye migaɖe naneke le wo me hã o.” Mawu bubuwo subɔsubɔ “Ne nyagblɔɖila aɖe le mia dome alo ame si gblɔna be yeate ŋu anya nu si le dzɔdzɔ ge to drɔ̃ekuku me, ne eƒe nyagblɔɖiwo vaa eme, gake wògblɔna be, ‘Miva, mina míasubɔ dukɔ bubuawo ƒe mawuwo’ la, migaɖo to eƒe nya o. Yehowa miaƒe Mawu le mia dome be yeanya ne mielɔ̃ ye le nyateƒe me kple miaƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo loo alo mielɔ̃e o. Migasubɔ mawu bubu aɖeke gbeɖegbeɖe o. Misubɔ Yehowa miaƒe Mawu ko. Miwɔ ɖe eya ko ƒe sewo dzi, eye mialé ɖe eŋu. “Ele be woawu nyagblɔɖila alo drɔ̃ekula si dina be yeakplɔ mi atrae, elabena edina be yeana miadze aglã ɖe Yehowa, miaƒe Mawu, ame si kplɔ mi tso kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi la ŋu. Ne miewui la, miaɖe nu vɔ̃ ɖa le mia dome. Ne nɔviwò ŋutsu, viwò ŋutsu, viwò nyɔnu, srɔ̃wò lɔlɔ̃a, alo xɔwò vevitɔ kekeake si le abe wò ŋutɔ wò luʋɔ ene agblɔ na wò le adzame be, ‘Na míayi aɖasubɔ mawu bubuwo (mawu siwo miawo ŋutɔ kple mia fofowo mienya o, dukɔ siwo ƒo xlã mi ƒe mawuwo, mawu siwo te ɖe mia ŋu alo le adzɔge ʋĩi, tso anyigba ƒe seƒe ɖeka yi eƒe seƒe bubu’ la), migalɔ̃ o, eye migakpɔ nublanui nɛ hã o. Migaɖee tso to si woahe nɛ la me o, eye migaɣla nya vɔ̃ɖi si wògblɔ na mi la hã o. Miwui! Nànye ame gbãtɔ si atso ɖe ewuwu ŋu, eye ame bubuawo katã ƒe asi akpe ɖe ŋuwò. Miƒu kpee wòaku, elabena edze agbagba be yeahe mi ɖa tso Yehowa, mia Mawu, ame si kplɔ mi tso kluvinyenye me le Egipte la gbɔ. Ekema Israel katã asee, eye woavɔ̃, eye ame aɖeke maganɔ mia dome si awɔ nu vɔ̃ɖi sia tɔgbi ake o. “Ne miele du siwo Yehowa miaƒe Mawu na mi me, eye miese be yakame aɖewo tso miaƒe dukɔ me kplɔ miaƒe dumetɔ aɖewo trae be, ‘Woasubɔ mawu siwo miesubɔ kpɔ o’ la, miku nya la gɔme nyuie. Ne enye nyateƒe be nu vɔ̃ɖi sia va eme la, ekema ele be miaho aʋa ɖe du ma ŋu. Miwu dua me tɔwo kple lãwo katã hã. Migbã du la gudugudu. Le esia megbe la, ele be miaƒo woƒe nuwo katã nu ƒu ɖe ablɔ ƒe titina, eye miatɔ dzo wo. Emegbe la, miatɔ dzo du blibo la abe numevɔsa na Yehowa miaƒe Mawu, mìaƒe Mawu la ene. Mina du ma teƒe natsi anyi nenema: migana woagbugbɔe atu o. Migatsɔ woƒe nuwo dometɔ aɖeke na mia ɖokuiwo o! Ekema Yehowa miaƒe Mawu aɖe asi le eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la ŋu, akpɔ nublanui na mi, eye wòawɔ mi dukɔ gã aɖe abe ale si wòdo ŋugbe na mia tɔgbuiwo ene. Nu si ko ana Yehowa miaƒe Mawu la nakpɔ nublanui na mi lae nye, ne mieɖo toe, ne miewɔ ɖe eƒe se siwo mele dedem na mi egbe la dzi, eye ne miewɔ nu si nye nu dzɔdzɔe le Yehowa miaƒe Mawu ŋkume.” Nu siwo ŋu kɔ kple nu siwo ŋu mekɔ na ɖuɖu o “Esi wònye Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe amewo mienye ta la, migasi ŋuti na mia ɖokuiwo gbeɖegbeɖe abe ale si trɔ̃subɔlawo wɔna ne wole woƒe legbawo subɔm la ene o. Gawu la, ne ame ku la, mele be mialũ miaƒe ŋgonu kple dzodome o. Yehowa, miaƒe Mawu la ɖeɖe ko tɔe mienye. Eyae tia mi be mianye ye tɔ wu dukɔ bubu ɖe sia ɖe le xexea me. “Migaɖu nu siwo ŋuti mekɔ o la dometɔ aɖeke o. Lã siwo miate ŋu aɖu la woe nye: nyi, alẽ, gbɔ̃, zi, sẽ, afiã, gbɔ̃ si le gbe me, avugbɔ̃e kple alẽ si nɔa towo dzi. Miate ŋu aɖu lã siwo katã ƒe afɔkli me fe, eye wodzɔa nu gaɖuna. Ke lã siwo ƒe afɔkli me fe alo woɖua nu gadzɔna la, migaɖu esiawo ya o, woawoe nye kposɔ, fɔmizi kple xɔfie, elabena togbɔ be wodzɔa nu gaɖuna hã la, woƒe afɔkli me mefe ɖe eve o, eya ta wonye lã makɔmakɔwo. Nenema ke, migaɖu ha hã o, elabena togbɔ be eƒe afɔkli me fe hã la, medzɔa nu gaɖuna o. Mele be miaka asi lã siawo ƒe kukuawo gɔ̃ hã ŋu o. “Tɔmelã siwo ko miekpɔ mɔ aɖu la woe nye esiwo ŋu adza kple tsro le. Ke tɔmelã bubuawo katã siwo ŋu tsro kple adza mele o la nye nu makɔmakɔwo; migaɖu wo o. Miekpɔ mɔ aɖu xe ɖe sia ɖe si ŋuti kɔ negbe hɔ̃, akaga, akpɔ̃, doɖi, aʋako dzĩtɔ kple yibɔtɔwo, akpaviã ƒomevi vovowo, ayisu ƒomevi ɖe sia ɖe, akpaviã ƒomevi ɖe sia ɖe, golo, sagbadre, tsalɛ̃ kple aʋako ƒomevi ɖe sia ɖe, ʋlukuku, favieʋuto kple aŋɔɣi, aluge, akaga kple tsimese, damixe kple ako ƒomevi ɖe sia ɖe, agudzixe kple dro. “Nudzodzoewo katã kloe nye nu makɔmakɔwo, eya ta miekpɔ mɔ aɖu wo o. Ke miekpɔ mɔ aɖu xe siwo katã ŋu kɔ. “Migaɖu naneke si ku le eɖokui si o, Ke amedzro si le mia dome la ate ŋu aɖui. Miate ŋu atsɔe nɛ alo adzrae nɛ, gake miawo ŋutɔ ya migaɖui o, elabena mienye dukɔ kɔkɔe na Yehowa, miaƒe Mawu la. “Migaɖa gbɔ̃vi le dadaa ƒe notsi me o.” Nuwo ƒe akpa ewolia nana “Ele be miana miaƒe agblemenukuwo ƒe ewolia ƒe sia ƒe pɛpɛpɛ. Mitsɔ agblemenukuwo ƒe ewolia sia va ɖu le Yehowa, mia Mawu la ŋkume le teƒe si wòatia abe eƒe kɔkɔeƒe ene. Nu siawoe nye miaƒe bli, wain yeye, ami kple miaƒe alẽwo kple nyiwo ƒe ŋgɔgbeviwo. Nu ewolia nana ƒe taɖodzinue nye be, miatsɔ teƒe gbãtɔ na Yehowa, miaƒe Mawu la le miaƒe agbenɔnɔ me. Ne teƒe si Yehowa miaƒe Mawu tia abe eƒe kɔkɔeƒe ene didi ale gbegbe be manɔ bɔbɔe be miatsɔ miaƒe nuwo ƒe ewolia ayi afi ma ke o la, ekema miate ŋu adzra miaƒe agblemenukuwo kple lãwo ƒe ewolia, eye miatsɔ ga la ayi Yehowa miaƒe Mawu ƒe kɔkɔeƒe la. Ne mieɖo afi ma la, ekema mitsɔ ga la ƒle nyitsu ɖeka kple alẽ ɖeka, eye miadze wain alo aha sesẽ aɖe, miaɖu nu le afi ma le Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume, eye miatso aseye kple miaƒe aƒemetɔwo. “Migaŋlɔ be, eye miagbe miaƒe ga la ƒe akpa aɖe nana Levitɔ siwo le mia dome o, elabena domenyinu alo agblemenuku aɖeke mele woawo si abe miawo ene o. “Le ƒe etɔ̃lia ɖe sia ɖe me la, ele be miawɔ miaƒe nuwo ƒe ewolia katã ŋu dɔ hena dɔwɔwɔ le miaƒe nutowo me. Mitsɔe na Levitɔwo, ame siwo si domenyinu aɖeke mele le mia dome o alo miatsɔ wo ana amedzro, ahosi alo tsyɔ̃evi siwo le miaƒe du me ale be woaɖu nu aɖi ƒo. Ekema Yehowa, miaƒe Mawu la ayra mi kple miaƒe dɔwɔwɔwo.” Se le Sabatƒe ŋuti “Le ƒe adrelia ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu la, woate fli ɖe fe sia fe me. Nudonamela ɖe sia ɖe aŋlɔ ɖe agbalẽ si Israelvi si nye nudola la na la dzi be, ‘Eɖo nu sia nu teƒe pɛpɛpɛ,’ elabena Yehowa tsɔ nu sia nu ke ame sia ame. Ke tsɔtsɔke sia melɔ amedzrowo ya ɖe eme o. Nudonamela aɖeke maɖo ko le tsɔtsɔke sia ta o, elabena Yehowa miaƒe Mawu akɔ yayra geɖe ɖe mia dzi le anyigba si wòle mia nam la dzi, ne miewɔ eƒe sewo dzi. Nu si hiã na eƒe yayra sia xɔxɔ koe nye miawɔ Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe se siwo katã mele dedem na mi egbe la dzi pɛpɛpɛ. Yehowa miaƒe Mawu ayra mi abe ale si wòdo ŋugbe ene. Miado ga na dukɔ geɖewo, gake mahiã gbeɖegbeɖe be miawo ya miado ga o! Miaɖu dukɔ geɖewo dzi, gake woawo ya maɖu mia dzi o! “Ke ne mieva ɖo anyigba si Yehowa miaƒe Mawu ana mi dzi, eye ame dahe aɖewo le mia dome la, mele be miasẽ dzi me alo amia asiʋlome ɖe ame daheawo ŋu o. Ele be miado nu sia nu si woahiã la na wo. Mikpɔ nyuie! Migagbe gadodo na ame, elabena ƒe si me woate fli ɖe fewo me la gogo o! Ne miegbe gadodo na hiãtɔ la, eye hiãtɔ la ƒo koko na Yehowa la, Yehowa abui na mi nu vɔ̃e. Ele be nàdo nu si hiãtɔ la hiã la nɛ, eye mègafa konyi tso eŋu hã o! Elabena Yehowa wò Mawu ana nuwo nadze edzi na wò le nu sia ta! Ame dahe aɖewo anɔ mia dome ɣe sia ɣi kokoko. Esia ta se sia le vevie ɖo. Ele be mianyo dɔ me, ado nu na wo.” Ablɔɖenana Hebritɔ siwo nye kluviwo “Ne èƒle kluvi aɖe si nye Hebritɔ, ŋutsu alo nyɔnu la, ele be wòasubɔ wò ƒe ade, eye nàna ablɔɖee le ƒe adrelia me. Mègana wòayi asi ƒuƒlu o! Do mɔe kple lã aɖewo tso wò lãha la me kple ami tso wò amiɖaƒe kple wain tso wò wainfiaƒe. Na nui ɖe ale si Yehowa wò Mawu ayra wòe la nu. Miɖo ŋku edzi be mienye kluviwo le Egiptenyigba dzi kpɔ, eye Yehowa, miaƒe Mawu la ɖe mi! Eya tae mele se sia dem na mi. “Ke ne Hebri kluvi la medi be yeadzo le gbɔwò o, ke boŋ wògblɔ be yelɔ̃ wò, wò aƒemenɔnɔ dze edzi na ye, eye wò beléle na ye dze ye ŋu la, ekema nàtsɔ nuŋɔnu aŋɔ to nɛ amimi ɖe ʋɔtru ŋu, ekema le esia megbe la, kluvi la atsi gbɔwò ɖikaa. Wɔ nenema ke na wò kosiwo hã. Ne èɖe asi le kluvi aɖe ŋu la, mègana wòave wò o, elabena ɖo ŋku edzi be kluvi ɖeka ma wɔ agbatedɔwɔla eve ƒe dɔ na ye le ƒe adeawo me! Yehowa, wò Mawu la ayra wò dɔwɔwɔwo katã ɖe esi nèna ablɔɖe wò kluvi la ta!” Lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo “Ele be nàkɔ wò alẽwo kple nyiwo ƒe ŋgɔgbevi siwo nye atsu la ŋu na Yehowa, wò Mawu la. Mègana wò nyitsu si nye ŋgɔgbevi la nawɔ dɔ le agble me o, eye mègako fu le wò alẽwo kple gbɔ̃wo ƒe ŋgɔgbeviwo ŋu o. Le esia teƒe la, ele be wò kple wò ƒometɔwo miaɖu lã siawo le Yehowa, wò Mawu la ŋkume ƒe sia ƒe le eƒe kɔkɔeƒe la. Ke ne mede blibo o, afɔ ŋe nɛ, eƒe ŋku gbã alo nu gblẽ le eƒe teƒe bubu aɖe ŋu la, mèkpɔ mɔ atsɔe asa vɔe na Yehowa wò Mawu o, ke boŋ ɖui kple wò ƒometɔwo le aƒe me. Ame sia ame ate ŋu aɖu lã sia faa ne amea ŋu mekɔ le ɣe ma ɣi me o hã, abe ale si ame sia ame ate ŋu aɖu sẽ kple zi ene, gake migaɖu lã la ƒe ʋu ya o, ke boŋ mina wòaɖuɖu ɖe anyigba abe tsi ene.” Ŋutitotoŋkekenyui la “Ɖo ŋku edzi nàɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le ɣleti gbãtɔ me, elabena ɣleti ma mee Yehowa, wò Mawu la kplɔ mi dzoe le Egipte le zã me. Wò Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe vɔsa nanye alẽwo loo alo nyiwo, eye nàsa vɔ la na Yehowa, wò Mawu la le kɔkɔeƒe la. Miɖu vɔsalã la kple abolo maʋamaʋã. Ɖu abolo maʋamaʋã ŋkeke adre abe ŋkuɖoɖo abolo si mieɖu esi mienɔ sisim tso Egipte la dzi ene. Esia naɖo ŋku edzi na wò be, esi mienɔ sisim le Egipte la, mienɔ kplakplakpla dzi ale gbegbe be, ɣeyiɣi menɔ anyi be abolo naʋã o. Ɖo ŋku ŋkeke ma dzi le wò agbemeŋkeke mamlɛawo katã me! Mègana amɔʋãtike aɖeke nanɔ wò aƒe me le ŋkeke adreawo me o. Gawu la, mègana Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe lã la ƒe akpa aɖeke natsi anyi ŋu nake ɖe edzi o. “Mègaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le du siwo Yehowa, wò Mawu la ana wò la dometɔ aɖeke me o, ke boŋ nàɖui le teƒe si Yehowa wò Mawu atia abe eƒe kɔkɔeƒe ene. Tsɔ lã la sa vɔe le afi ma le ŋkekenyui la ƒe fiẽ me ne ɣe ɖo to. Me lã la, eye nàɖui le afi si Yehowa wò Mawu atia na wò. Ɖo ta aƒe me le fɔŋli. Le ŋkeke ade siwo adze eyome me la, màɖu abolo ʋaʋã aɖeke o, ke le ŋkeke adrelia gbe la, du sia du me tɔwo akpe ta ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋkume. Mègawɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o.” Kɔsiɖawo ƒe Ŋkekenyui “Ne èdze wò nukuwo xaxa gɔme, eye kɔsiɖa adre va yi la, àgaɖu ŋkekenyui bubu le Yehowa, wò Mawu la ŋkume. Ŋkekenyui sia ŋkɔe nye Kɔsiɖawo ƒe Ŋkekenyui. Le ŋkekenyui sia dzi la, ele be nàwɔ lɔlɔ̃nuvɔsa si asɔ kple yayra si Yehowa, wò Mawu la kɔ ɖe dziwò le agblemenuku siwo nèxa la ƒe agbɔsɔsɔ nu. Enye ɣeyiɣi si dzi nàtso aseye le, le Yehowa wò Mawu ŋkume kple wò ƒometɔwo kple wò dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo. Mègaŋlɔ Levitɔwo, amedzrowo, ahosiwo kple tsyɔ̃evi siwo le mia dome la be o. Kpe wo be woava ɖu ŋkekenyui la kpli wò le kɔkɔeƒe la. Ɖo ŋku edzi be, ènye kluvi le Egipte kpɔ, eya ta kpɔ be yewɔ se sia dzi.” Agbadɔmeŋkekenyui Ne nuŋeɣi wu nu la, àgaɖu ŋkekenyui bubu si nye Agbadɔmeŋkekenyui, ŋkeke adre sɔŋ, ne èklẽ wò bli, eye nèfia wò wain vɔ. Esia anye dzidzɔɣi kple aseyetsoŋkekenyui na wò kple wò ƒometɔwo kple wò subɔlawo siaa. Ɖo ŋku edzi nàkpe Levitɔwo, amedzrowo kple tsyɔ̃eviwo kple ahosi siwo le wò du me. Ɖu ŋkekenyui sia le kɔkɔeƒe, afi si dzi Yehowa wò Mawu atɔ asii. Enye ɣeyiɣi vevi aɖe si dzi wòle be nàda akpe tɔxɛ na Yehowa, ɖe ale si wòyra wò le nuku siwo nèxa kple ale si wòyra wò le mɔ bubu geɖewo nu la ta. Ele be wòanye aseyetsoŋkekenyui gã aɖe. Ele be Israel ŋutsu ɖe sia ɖe nado ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume, le kɔkɔeƒe la zi etɔ̃ le ƒe sia ƒe me hena ŋkekenyui siawo ɖuɖu: Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui, Kɔsiɖawo ƒe Ŋkekenyui, Agbadɔmeŋkekenyui. Ele be nàtsɔ nunana aɖe vɛ na Yehowa le ŋkekenyui siawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi. Na nu abe ale si nàte ŋui ene le ale si Yehowa miaƒe Mawu yra wòe la nu. Ʋɔnudrɔ̃lawo Ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo kple dzikpɔlawo ɖe du siwo katã Yehowa miaƒe Mawu le mia nam la me. Woadrɔ̃ ʋɔnu le dukɔ la ƒe akpa ɖe sia ɖe me. Mègatrɔ ʋɔnunya aɖeke be wòade hotsuitɔ aɖeke dzi o, eye mègaxɔ zãnu hã gbeɖegbeɖe o, elabena zãnu gbãa ŋku na nunyalawo kekeake gɔ̃ hã, eye wògblẽa woƒe afiatsotso. Ele be nàkpɔ egbɔ be wolé nya dzɔdzɔe ko ɖe te. Mɔ sia nu ko nàto hafi akpɔ dzidzedze le anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nawòm la dzi. Mawu bubuwo subɔsubɔ “Mègaɖi aƒeli aɖeke ƒomevi ɖe Yehowa, wò Mawu la ƒe vɔsamlekpui la gbɔ, aɖi gbɔ̃e gbeɖegbeɖe o, eye mègali aƒeli aɖeke hã o, elabena Yehowa miaƒe Mawu lé fu wo. “Mègatsɔ nyitsu alo alẽ si le dɔ lém alo esi nane wɔ la sa vɔe na Yehowa, wò Mawu la gbeɖegbeɖe o. Yehowa, wò Mawu la bua nunana siawo abe ŋunyɔnu ene. “Ne ame aɖe, ŋutsu alo nyɔnu, le du aɖe me le anyigba blibo la dzi da le wò nubabla si nèwɔ kple Yehowa wò Mawu dzi to mawu bubuwo, ɣe, ɣleti alo ɣletiviwo subɔsubɔ me, nu siwo ŋu mede se na mi le vevie la, ku nya la me tsitotsito gbã, ne nàkpɔ be ɖikeke aɖe le nya la ƒe nyateƒenyenye me hã. Ne nya la nye nyateƒe la, ekema woahe ŋutsu la alo nyɔnu la ayi dua godo, eye woaƒu kpee le afi ma wòaku. Ke mègawu ame aɖeke le ɖasefo ɖeka pɛ ko ƒe ɖaseɖiɖi ta o. Ele be ɖasefoawo nade eve alo etɔ̃ kokoko. Na ɖasefoawo naƒu kpee gbã hafi ame bubuawo naƒui. To esia me la, àɖe nu vɔ̃wo katã ɖa le mia dome.” Ʋɔnudrɔ̃ƒewo “Ne nya aɖe dzɔ si sesẽ akpa na wò dɔdrɔ̃, le kpɔɖeŋu me, ne wotsɔ hlɔ̃nya aɖe ɖe ame aɖe ŋu le esime ɖaseɖiɖi gobii aɖeke mele eŋu o, alo ne wote ame aɖe ɖe eme la, ekema ele be nàtsɔ nya la ayi Yehowa, wò Mawu la ƒe kɔkɔeƒe, na nunɔlawo kple Levitɔwo, eye ʋɔnudrɔ̃la si le nya drɔ̃m le ɣe ma ɣi la natso nya la me. Le eƒe nyametsotso megbe la, womagbugbɔ nya la adrɔ̃ o. Woawɔ ɖe se la dzi nyaɖenyanui. Ele be woawɔ ɖe ʋɔnudrɔ̃la la ƒe nyametsotso dzi pɛpɛpɛ. Ne ame si ŋu wotsɔ nya la ɖo gbe be yemaxɔ nunɔla la alo ʋɔnudrɔ̃la si Yehowa Mawu ɖo na nyadɔdrɔ̃ la ƒe nyametsotso o la, nu si woawɔe koe nye be woawui. Ele be woaɖe nu vɔ̃ wɔla siawo tɔgbi ɖa le Israelviwo dome. Ekema ame sia ame ase nya si dzɔ ɖe ame si gbe be yemaxɔ Yehowa ƒe nyametsotso o la dzi. Nu sia ana woavɔ̃, eye womagatsi tsitre ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe la ƒe nyametsotso ŋu o.” Fia la “Ne èva ɖo anyigba si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge dzi, eye nèxɔe la, de asi tamebubu me be, ‘Ele be fia nanɔ mía si abe dukɔ bubu siwo ƒo xlã mí la ene!’ Kpɔ egbɔ be yeɖo ame si, Yehowa, wò Mawu la atia la fiae. Ele be wòanye Israelvi, menye amedzro o. Kpɔ egbɔ be meƒle sɔ geɖewo na eɖokui o, eye medɔ eƒe amewo ɖe Egipte be woaƒle sɔwo tso afi ma vɛ na ye hã o, elabena Yehowa gblɔ na wò be, ‘Mègatrɔ yi Egipte gbeɖe o.’ Mele be fia la naɖe srɔ̃ geɖe o; ne menye nenema o la, eƒe dzi atrɔ ɖa tso Yehowa gbɔ. Mele be wòakpɔ hotsui guduu hã o. “Ne woɖoe fiae, eye wònɔ eƒe fiazikpui dzi abe fia ene la, ekema ele be wòaŋlɔ se siawo katã tso agbalẽ si le Levitɔwo, ame siwo nye nunɔlawo la si me. Ele be eƒe seawo ƒe ŋɔŋlɔ sia nanɔ esi ɣe sia ɣi, eye wòaxlẽ nu tso eme gbe sia gbe le eƒe agbe me ale be, wòasrɔ̃ ale si wòavɔ̃ Yehowa, eƒe Mawu la to seawo katã dzi wɔwɔ me. Se siawo xexlẽ ɣe sia ɣi ana be fia la mabu be yenyo wu Israelvi bubuawo o. Kpe ɖe esia ŋu la, axe mɔ nɛ be matrɔ tso Mawu ƒe seawo gbɔ le mɔ suetɔ kekeake nu o, eye wòana be eƒe fiaɖuɖu nadidi, eye wòadze edzi. Ekema via ŋutsuwo aɖu fia ɖe eyome.” Nuwo dzɔdzɔ na nunɔlawo kple Levitɔwo “Ɖo ŋku edzi be womana domenyinu nunɔlawo kple Levitɔ bubuawo abe Israelvi bubuawo ene o. Le esia ta la, ele be woatsɔ vɔsa siwo wotsɔ va Yehowa ƒe vɔsamlekpui dzi la kple nunana bubu siwo amewo atsɔ vɛ na Yehowa la akpɔ wo dzii. Womehiã domenyinu o, elabena Yehowa nye woƒe domenyinu! Esia nye ŋugbe si Yehowa do na wo! Ele be woatsɔ nyitsu kple alẽ ɖe sia ɖe si woatsɔ vɛ na vɔsasa la ƒe abɔ, glã kple dɔgbo na nunɔlawo. Kpe ɖe esiawo ŋu la, nunɔlawo axɔ nuku siwo wotsɔ vɛ hena akpedada na Yehowa. Nu siawoe nye bli yeye, wain yeye, ami kple fu si woko le lãwo ŋuti, elabena Yehowa, wò Mawu la tia Levitɔwo tso to bubuawo dome be woawɔ subɔsubɔdɔwo na Yehowa tso dzidzime yi dzidzime. “Ne Levitɔ aɖe tso miaƒe du aɖe me le Israel ƒe akpa sia akpa, afi si wòle koŋ, eye wòyi teƒe si Yehowa tia la nyateƒe me la, ate ŋu asubɔ le Yehowa, Mawu ƒe ŋkɔ me abe nɔvia Levitɔ bubuawo katã siwo subɔna le afi ma le Yehowa ŋkume ene. Ele be woatsɔ vɔsanuwo kple nunana bubuawo nɛ, abe nu si dze be woatsɔ nɛ la ene, eye menye ne nu siawo le ehiãm la ko o.” Nu madzemadzewo wɔwɔ “Ne èva ɖo Ŋugbedodonyigba Yehowa wò Mawu la le na wò ge dzi la, ele be nàkpɔ nyuie be dukɔ siwo le anyigba la dzi fifia la ƒe kɔnyinyi vlowo magblẽ kɔ ɖo na mi o. Le kpɔɖeŋu me, ne Israelvi aɖe atsɔ via ana be woatɔ dzoe abe vɔsa na anyigba ma dzi tɔwo ƒe mawuwo ene la, ele be woawui. Mele be Israelvi aɖeke nanye bokɔnɔ, goloɖola, zidoedola, dzosala, busudoamela, adzetɔ, nukala kple ŋɔliyɔla o. Ame sia ame si awɔ nu siawo la anye ŋunyɔnu na Yehowa, eye esi wònye dukɔ mawo wɔa nu siawo tae Yehowa, wò Mawu la aɖe wo ɖa. Ele be nàzɔ ale be fɔɖiɖi aɖeke manɔ wò zɔzɔme ŋu le Yehowa, wò Mawu la ŋkume o.” Nyagblɔɖila la Dukɔ siwo katã ƒe teƒe nàxɔ la ɖoa to goloɖolawo kple bokɔnɔwo, ke Yehowa, wò Mawu la maɖe mɔ na wò ya be nàwɔ nu mawo o. Yehowa wò Mawu ŋutɔ aɖo nyagblɔɖila tɔxɛ aɖe ɖe mia dome, tso mia nɔviwo Israelviwo dome abe nye ene. Ele be nàɖo to ame sia, elabena nu siae wò ŋutɔ nèbia Yehowa wò Mawu le Horeb to la dzi. Èɖe kuku le toa te le afi ma be, màgase Yehowa ƒe ŋɔdzigbe la azɔ loo alo agakpɔ dzo dziŋɔ ma le to la dzi be yeaku o. Yehowa gblɔ nam be, “Enyo; mawɔ wo biabia dzi na wo. Maɖo nyagblɔɖila aɖe na mi tso mia dome wòanye Israelvi abe wò ene. Magblɔ nu si wòagblɔ la nɛ, eye eyae anye nye nyasela kple nyagblɔla na ameawo. Nye ŋutɔ mahe to na ame sia ame si maɖo toe, awɔ nye nya si wòagblɔ nɛ la dzi o. Ke nyagblɔɖila si ada alakpa be yeƒe nya tso gbɔnye la aku. Nenema ke nyagblɔɖila ɖe sia ɖe si agblɔ be yeƒe nya tso mawu bubuwo gbɔ la, aku.” Ne èbia be, “Aleke míawɔ hafi anya ne nyagblɔɖi la tso Yehowa gbɔ loo alo metso egbɔ o?” Nenye be nya si wògblɔ ɖi la meva eme o la, ekema menye Yehowae gblɔ nya la nɛ o, eya ŋutɔe kpae. Migaɖo to eƒe nya aɖeke o. Sitsoƒeduwo “Ne Yehowa, wò Mawu la tsrɔ̃ dukɔ siwo teƒe xɔ ge nàla, eye ne èle woƒe duwo kple aƒewo me la, ekema nàtia du etɔ̃ siwo le anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nàwom la titina lɔƒo la na ɖokuiwò. Ɖe mɔwo ɖe wo dome, eye nàma anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nawòm abe wò domenyinu ene la ɖe akpa etɔ̃ me, ale be ne ame aɖe wu nɔvia la, wòasi ayi afi ma. “Nu si ta wòle be du siawo nanɔ anyi ɖo la woe nye: Ne ame aɖe kple nɔvia aɖe woyi nake fɔ ge le ave me, eye fia la dzo le esi, eye wòwu nɔvia la, amewula la asi ayi du mawo dometɔ ɖeka me, eye wòanɔ dedie. Ne menye nenema o la, hlɔ̃biala la ati eyome kple dɔmedzoe, atui ne sitsoƒedu la gbɔ didi akpa, eye wòawui togbɔ be medze na ku hafi o, elabena menye ɖe wòɖoe hafi wu nɔvia o. Nu sia ta meɖoe na wò be nàtia du etɔ̃ da ɖi na ɖokuiwò. “Yehowa wò Mawu akeke wò anyigba la ƒe liƒowo ɖe edzi abe ale si wòdo ŋugbe na tɔgbuiwòwo ene, eye wòatsɔ anyigba blibo si ŋugbe wòdo la na wò. Esia aku ɖe ale si nèwɔ eƒe se siwo katã mele dedem na wò egbe, be nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu, eye nàzɔ ɖe eƒe ɖoɖowo nu la dzi. Ne esia va eme la, ele be nàgawɔ du bubu etɔ̃ Sitsoƒeduwoe. Ale nàte ŋu axɔ ame maɖifɔwo ɖe agbe le anyigba si Yehowa wò Mawu tsɔ na wò la dzi, eye ʋukɔkɔɖi dzodzro ƒe agba manɔ dziwò o. “Ke ne ame aɖe lé fu nɔvia, de xa ɖi nɛ hewui, eye wòsi yi sitsoƒedu siawo dometɔ ɖeka me la, eƒe dumemetsitsiwo aɖo du ɖee, ana woakplɔe ava aƒee, eye woatsɔe ade asi na ame kuku la ƒe hlɔ̃biala be wòawui. Mègakpɔ nublanui nɛ o! Ɖe hlɔ̃dolawo katã ɖa le Israelviwo dome! Eya ko hafi nu sia nu ayi edzi nyuie na mi. “Ne èva ɖo anyigba si Yehowa, wò Mawu la le na wò ge la dzi la, ɖo ŋku edzi be, mèkpɔ mɔ aho ame aɖeke ƒe liƒotiwo agbugbɔ wo atu ale be nàfi eƒe anyigba gbeɖegbeɖe o.” Ɖasefowo “Mègabu fɔ ame aɖeke le ɖasefo ɖeka ko ƒe ɖaseɖiɖi ta o. Ele be ɖasefoawo nade eve godoo; anyo wu ne woade etɔ̃. Ne ame aɖe ɖi aʋatsoɖase hegblɔ be yekpɔ ame aɖe wòwɔ nu vɔ̃ esime amea mewɔ nu vɔ̃ la o la, na woakplɔ ame eveawo ayi nunɔlawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo gbɔ le Yehowa ŋkume. Woabia gbe wo tsitotsito, eye ne wokpɔ be ɖasefo la ka aʋatso la, woahe to si wòbu be woahe na ame kemɛ la hafi la na eya ŋutɔ boŋ. To mɔ sia dzi, eye nàɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ɖa le mia dome. “Ekema ame siwo asee la avɔ̃ na aʋatsoɖaseɖiɖi. Mègakpɔ nublanui na aʋatsoɖasefo aɖeke o. Le nya sia tɔgbiwo me la, se si dzi nàkpɔe nye: agbe ɖe agbe teƒe, ŋku ɖe ŋku teƒe, aɖu ɖe aɖu teƒe, asi ɖe asi teƒe, afɔ ɖe afɔ teƒe.” Aʋayiyi “Ne mieyi aʋa, eye miekpɔ sɔwo kple tasiaɖamwo wosɔ gbɔ fũu, eye miekpɔ aʋakɔ si sɔ gbɔ wu mia tɔ la, dzidzi megaƒo mi o! Yehowa, wò Mawu la, ame si kplɔ wò dedie tso Egipte la li kpli wò. Hafi miakpe aʋa la, na nunɔla aɖe natsi tsitre ɖe Israelviwo ƒe aʋakɔ la ŋgɔ, eye wòagblɔ be, ‘Miɖo tom, mi Israelviwo katã. Migavɔ̃ ne mieyi aʋa wɔ ge egbe o! Yehowa, mia Mawu la le yiyim kpli mi! Awɔ aʋa kple futɔ la na mi, eye wòana miaɖu dzi!’ “Ekema aʋakplɔlawo aƒo nu na aʋawɔlawo ale: ‘Mia dometɔ aɖe tso aƒe yeye, eye mekɔ eŋuti haɖe oa? Ne ele eme nenema la, ekema amea natrɔ ayi aƒe! Ɖewohĩ woawui le aʋa sia me, eye ame bubu sãa akɔ wò aƒe la ŋu! Mia dometɔ aɖe de waingble yeye aɖe, eye meɖu waintsetse aɖeke tso agble la me haɖe oa? Ekema amea nayi aƒe me! Ɖewohĩ woawui le aʋa sia me, eye ame bubu sãa aɖu eƒe waintsetse la! Ɖe mia dometɔ aɖe bia nyɔnu ta ŋkeke siawo mea? Ekema amea natrɔ ayi aƒe me, eye wòaɖe nyɔnu la. Ɖewohĩ woawui le aʋa sia me, eye ŋutsu bubu aɖe sãa aɖe nyɔnu si ta wòbia. Azɔ la, mia dometɔ aɖe le vɔvɔ̃ma? Ne ele vɔvɔ̃m la, ekema neyi aƒe me be màgade vɔvɔ̃ lãme na ame bubuawo o!’ “Ne aʋakplɔlawo wu nya siawo gbɔgblɔ na ameawo nu la, woaɖe gbeƒã aʋafiawo ƒe ŋkɔwo.” Se le duxɔxɔ ŋuti “Ne èho aʋa ɖe du aɖe ŋu la, bia tso dua me tɔwo si gbã be woana ta. Ne wolɔ̃ ɖe edzi, eye woʋu woƒe agbowo na wò la, ekema dua me tɔwo azu wò subɔlawo. Ne wogbe be yewomawɔ ŋutifafa kple wò o la, ekema ele be nàɖe to ɖe dua. Ne Yehowa, wò Mawu la tsɔ du la de asi na wò la, ekema ele be nàwu ŋutsu ɖe sia ɖe le dua me, ke àte ŋu agblẽ nyɔnuwo, ɖeviwo, lãwo kple afunyinuwo katã ɖi na mia ɖokuiwo. Se siawo ku ɖe du siwo mele Ŋugbedodonyigba la ŋutɔ dzi o la ŋu. “Ke migana ame aɖeke natsi agbe le Ŋugbedodonyigba si Yehowa wò Mawu tsɔ na wò la dzi o. Na woatsrɔ̃ nu gbagbe ɖe sia ɖe. Na woatsrɔ̃ Hititɔwo, Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo keŋkeŋ, abe ale si Yehowa, wò Mawu la de se na wòe ene. “Se sia ƒe taɖodzinue nye be wòana be anyigba la dzi tɔwo makplɔ mi ade woƒe legbawo subɔsubɔ kple woƒe kɔnyinyi vɔ̃ɖiwo me, eye miato esiawo me awɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋu o. “Ne èɖe to ɖe du aɖe la, mègagblẽ woƒe kutsetsetiwo o. Na miaɖu kutsetse siwo miate ŋui. Mègana woatso atiawo ƒu anyi dzodzro o. Atiawo menye futɔwo, eye wòle be nàna woatsrɔ̃ wo o! Ke tso ati siwo ƒe kutsetsewo womeɖuna o la ƒu anyi; woatsɔ wo awɔ atrakpuiwo kple nu siwo ŋu dɔ nàwɔ le aʋa la wɔwɔ me.” Nu si woawɔ ne womenya ta le amewunya aɖe nu o “Ne mieva ɖo ŋugbedodonyigba la dzi, eye wofɔ ame aɖe si wowu da ɖe gbe me la ƒe kukua, eye ame aɖeke mekpɔ ame si wui o la, ekema ele be miaƒe ametsitsiwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo nadzidze didime si le teƒea kple du siwo te ɖe teƒea ŋu la dome. Mina du si te ɖe eŋu wu la ƒe ametsitsiwo natsɔ nyinɔe ɖeka si womede kɔkuti kɔ na kpɔ o la, ayi balime si tɔsisi aɖe to, eye womede agble ɖi kpɔ o. Woaŋe kɔ nyinɔe la le afi ma. “Nunɔlawo, ame siwo Yehowa, wò Mawu la tia be woawɔ dɔ le yeƒe ŋkume, ayra amewo, adrɔ̃ ʋɔnu, eye woahe to na amewo la nava klɔ asi ɖe nyinɔe la dzi, eye wòagblɔ be, ‘Menye míaƒe asiwoe kɔ ʋu sia ɖi o, eye míekpɔ hlɔ̃ sia dodo teƒe hã o. O! Yehowa, tsɔ nu vɔ̃ ke wò dukɔ Israel, si wò ŋutɔ nèɖe, eye mègada ame maɖifɔ sia wuwu ɖe dukɔ la dzi o. Tsɔ ame sia ƒe ʋukɔkɔɖi ƒe nu vɔ̃ ke mí.’ Ale nàɖe fɔɖiɖi sia ɖa le mia dome to Yehowa ƒe sewo dzi wɔwɔ me.” Nyɔnu siwo wolé le aʋa me la ɖeɖe “Ne èyi aʋa, eye Yehowa, wò Mawu la na nèɖu futɔwo dzi, eye ne èkpɔ ɖetugbi dzetugbe aɖe le aʋaléleawo dome la, kplɔe yi wò aƒe me. Ele be wòaƒlɔ ta, aɖe fe, aɖe avɔ si wòta hafi wolée la da ɖi, ata avɔ bubu, eye wòanɔ wò aƒe me, afa fofoa kple dadaa ɣleti ɖeka blibo. Le esia megbe la, àte ŋu aɖee. Ke ne èɖee vɔ hafi va kpɔ be meganyo na ye o la, ele be nàna ablɔɖee. Mègadzrae o, eye mègawɔe wò ŋutɔ wò kluvi hã o, elabena ède asi eŋu xoxo.” Nu siwo nye ŋgɔgbeviwo tɔ “Ne srɔ̃ eve le ŋutsu aɖe si, ŋutsua lɔ̃ srɔ̃a ɖeka, ke melɔ̃ evelia o, evɔ nyɔnu eveawo katã dzi vi nɛ, eye Via ŋutsu tsitsitɔ dadae nye srɔ̃a si ŋutsu la melɔ̃ o la, mele be ŋutsu la nana domenyinu Via ŋutsu ɖevitɔ, ame si dada wòlɔ̃ la wòasɔ gbɔ wu Via ŋutsu tsitsitɔ, ame si dadaa melɔ̃ o la tɔ o. Ele na ŋutsu la be wòawɔ dukɔa ƒe sea dzi, eye wòatsɔ Via ŋutsu suetɔ ƒe domenyinu ƒe teƒe eve ana Via ŋutsu tsitsitɔ, elabena eyae nye eƒe ŋusẽ ƒe gɔmetoto, eye etɔe nye ŋgɔgbevinyenye ƒe viɖewo katã, togbɔ be eyae nye srɔ̃ si fofoa melɔ̃ o la ƒe ŋutsuvi gbãtɔ hã.” Ŋutsuvi dzeaglãwo “Ne viŋutsu sẽto, dzeaglã aɖe le ŋutsu aɖe si, meɖoa to fofoa kple dadaa o, togbɔ be wohea to nɛ hafi hã la, ekema fofoa kple dadaa nakplɔe ayi dumemetsitsiawo gbɔ, agblɔ be, ‘Mía viŋutsu sia sẽa to, dzea aglã, eye mewɔa míaƒe gbe dzi o; gawu la, enye ame vlo kple ahanomunɔ.’ Ekema dua me tɔwo aƒu kpee wòaku. Ne miewɔ alea la, miaɖe nu vɔ̃ sia tɔgbi ɖa le mia dome, eye Israel ɖekakpuiwo katã ase nya si dzɔ eye vɔvɔ̃ aɖo wo. Se vovovowo “Ne ame aɖe wɔ nu si dze na ku, eye wode ka ve nɛ la, mele be eƒe ŋutilã kukua natsi kadeveti la ŋuti ŋu nake o. Ele be woaɖii gbe ma gbe ke, elabena Mawu ƒo fi de ame sia ame si woatsi ɖe ati ŋuti. Mègagblẽ kɔ ɖo na anyigba si Yehowa, wò Mawu la na wò la o.” “Ne èkpɔ ame aɖe ƒe nyi alo alẽ wòtra mɔ la, mègawɔ abe ɖe mèkpɔe ene o; kplɔe yi na nutɔ. Ne mènya nutɔ o la, kplɔe yi wòatsi gbɔwò va se ɖe esime nutɔ nava dii, eye nàɖe asi le eŋu nɛ. Nenema kee nàwɔ tedziwo, ame ƒe nudodo kple eƒe nu bubu ɖe sia ɖe si nàkpɔ. Kpɔ wo dzi na nutɔwo. “Ne èkpɔ ame aɖe, eƒe nyi alo tedzi wòdze anyi, eye nutɔ le agbagba dzem be yeafɔe ɖe tsitre la, mègatrɔ kɔ ɖe adzɔge o; yi nàkpe ɖe eŋu! “Nyɔnu mekpɔ mɔ ado ŋutsuwu o. Nenema ke ŋutsu hã mekpɔ mɔ ado nyɔnuwu o. Nu sia wɔwɔ nye ŋunyɔnu na Yehowa, wò Mawu la. “Ne èkpɔ xevi aɖe ƒe atɔ le anyigba alo le ati aɖe dzi, eye xevi suewo alo aziwo le eme le xevi sueawo dadaa te la, mègalé xeviawo dadaa kpe ɖe xevi sueawo ŋu o. Ɖe asi le wo dadaa ŋu, eye nàlé sueawo ko. Yehowa ayra wò ɖe nu sia ta. “Ele be woatɔ kpɔ aƒo xlã xɔ yeye ɖe sia ɖe si wogba eƒe tame le gbadza la ƒe tame kpe ɖo, ale be ame aɖeke magage tso xɔ la tame, eye wòade hlɔ̃fe aƒea kple aƒea tɔ siaa ŋu o. “Mègaƒã nuku bubuwo ɖe wò waintiwo dome o; ne menye nenema o la, nukuawo kple waintsetseawo katã azu nu kɔkɔewo na nunɔlawo. “Mègade kɔkuti ɖeka ma kɔ na nyitsu kple tedzi hena dɔwɔwɔ le wò agble me o. “Mègado awu si wolɔ̃ kple ka ƒomevi eve, abe lãfuka kple ɖetika ene o. “Ele be nàde gbo wò avɔ tsyɔtsyɔ ƒe dzogoe eneawo nu.” Srɔ̃ɖeɖe ƒe sewo dzi dada Ne ŋutsu aɖe ɖe srɔ̃, eye wòdɔ egbɔ, emegbe wògblɔ be edɔ ŋutsu gbɔ kpɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe la, eye wòtsɔ nya ɖe eŋu be, “Menye ɖetugbi si menya ŋutsu kpɔ wònye hafi meɖee o” la, ekema ɖetugbi la fofo kple dadaa aɖe ɖetugbi la ƒe ŋutsumanyamanya do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe la afia dua ƒe ʋɔnudrɔ̃lawo. Ɖetugbi la fofo agblɔ na wo be, “Metsɔ vinyenyɔnu na ŋutsu sia be wòaɖe. Eɖee, ke fifia edo vloe hele ŋukpenanyawo gblɔm ɖe eŋuti be enya ŋutsu hafi yeɖee. Ke nyateƒe la ƒe ɖeɖefiae nye esi.” Ekema wòakeke nyɔnu la ƒe avɔ me afia ʋɔnudrɔ̃lawo. Ekema ʋɔnudrɔ̃lawo aɖe gbe, eye woaƒo ŋutsu la, eye woana wòaxe klosalo alafa ɖeka na ɖetugbi la fofo, elabena eka aʋatso ɖe Israel ɖetugbi dzadzɛ aɖe si. Nyɔnu la aganye ŋutsu la srɔ̃, eye ŋutsua mekpɔ mɔ agbee o. Ke ne nya si ŋutsu la tsɔ ɖe eŋu nye nyateƒe be nyɔnu la de ŋutsu aɖe gbɔ kpɔ do ŋgɔ na eƒe srɔ̃ɖeɖe la, ekema ʋɔnudrɔ̃lawo akplɔ nyɔnu la ayi fofoa ƒe aƒememɔnu, afi si dua me ŋutsuwo aƒu kpee le wòaku. Ewɔ nu vɔ̃, eye wògblẽ kɔ ɖo na Israel to gbolowɔwɔ me le edzilawo ƒe aƒe me. Ele be miaɖe nu vɔ̃ sia tɔgbi ɖa le mia dome. Ne wolé ŋutsu aɖe wòle ahasi wɔm la, woawu eya kple ŋutsu kemɛ srɔ̃ la siaa. To mɔ sia dzi la, woaɖe nu vɔ̃ ɖa le Israel. Ne wobia ɖetugbi aɖe ta hafi ŋutsu bubu de asi eŋu le dua me la, woakplɔ ɖetugbi la kple ŋutsu si de asi eŋu siaa ayi du la godo, eye woaƒu kpe wo woaku. Woawu ɖetugbi la, elabena medo ɣli be woaxɔ na ye o. Woawu ŋutsu la, elabena ede asi nyɔnu si ta ŋutsu bubu bia la ŋu. Ale nàɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ɖa le mia dome. Ke ne wowɔ nu vɔ̃ sia le gbedzi, le dua godo la, woawu ŋutsu la ɖeɖe ko. Womawu nyɔnu la ya o, elabena woate ŋu axɔe ase be edo ɣli, gake ame aɖeke menɔ gbedzi le dua godo axɔ nɛ o. Ne ŋutsu aɖe de asi ɖetugbi si ta womebia o ŋu sesẽtɔe, eye wolé wo la, ele be ŋutsu la naxe fe aɖe na ɖetugbi la fofo ekema aɖe ɖetugbi la, eye magbee akpɔ o. Ŋutsu aɖeke mekpɔ mɔ ade asi fofoa ƒe ahosi ŋu o, elabena fofoa srɔ̃e wònye kpɔ. Ame siwo made takpekpe me o “Ŋutsu si ƒe voku gbã alo ŋutsu si ƒe ŋutsu wolã la mekpɔ mɔ age ɖe Kɔkɔeƒe la o. Ahasivi aɖeke ŋutɔ alo eƒe dzidzimevi siwo anɔ dzidzime gbãtɔ va se ɖe ewolia dzi me la mekpɔ mɔ age ɖe Kɔkɔeƒe la o. “Amonitɔ alo Moabtɔ aɖeke, le dzidzime ewolia megbe gɔ̃ hã mekpɔ mɔ age ɖe kɔkɔeƒe la o. Nu si ta mede se sia ɖoe nye be, dukɔ siawo mena nuɖuɖu kple tsi mí esi mietso Egipte va ɖo wo gbɔ o. Gawu la, woxe fe na Balaam, Beor ƒe viŋutsu, tso Petor le Aram Naharaim be wòaƒo fi ade mí. Yehowa wò Mawu meɖo to Balaam o, ke boŋ etrɔ fi si wòdi be yeaƒo ade mí la wòzu yayra na mí, elabena Yehowa lɔ̃ mí. Ŋkeke ale si miele agbe la, mele be miana kpekpeɖeŋu aɖeke Amoritɔwo kple Moabtɔwo akpɔ o. Ke migado vlo Edomtɔwo kple Egiptetɔwo ya o. Mia nɔviwoe nye Edomtɔwo, eye mienɔ Egiptetɔwo dome kpɔ. Egiptetɔwo ƒe dzidzimevi siwo va kpli mi la kpɔ mɔ age ɖe Yehowa ƒe Kɔkɔeƒe la.” Ame siwo ŋu makɔ le asaɖa la me o “Ne mieyi aʋa la, ŋutsu siwo le asaɖa la me la mekpɔ mɔ awɔ nu vɔ̃ aɖeke o. Ele be ŋutsu ɖe sia ɖe si gblẽ kɔ ɖo na eɖokui to ŋutsutsinyenye me le zã me la nado le asaɖa la me, anɔ asaɖa la godo va se ɖe fiẽ, ekema ale tsi, eye wòatrɔ ava asaɖa la me ne ɣe ɖo to. Woawɔ afɔdzideƒe ɖe asaɖa la godo. Ele be sofi nanɔ ŋutsu ɖe sia ɖe si. Ne ede afɔdzi la, ele be wòatsɔ sofi la, eye wòaku ke atsyɔ afɔdzi la dzi. Ele be asaɖa la me nanɔ kɔkɔe, elabena Yehowa miaƒe Mawu zɔna le mia dome be yeadzɔ mia ŋu, eye yeana miaƒe futɔwo nade ta agu na mi. Yehowa medi be yeakpɔ nu nyɔŋu aɖeke ne yeatrɔ adzo le mia gbɔ o.” Se vovovoawo “Ne kluvi aɖe si dzo le eƒe aƒetɔ gbɔ la, mègazi edzi be wòatrɔ ayi eƒe aƒetɔ gbɔ o. Na wòatsi mia dome le du si me wòadi be yeanɔ eye mègatee ɖe anyi o. “Ŋutsu alo nyɔnu si nye gbolo la mekpɔ mɔ anɔ Israelnyigba dzi o. Mègaxɔ nunana aɖeke tso gbolo aɖeke ƒe gboloho me alo tso ŋutsu siwo dɔa ŋutsuwo gbɔ la ƒe ahasiho me atsɔ na Yehowa o, elabena ame ƒomevi eve siawo nye ŋunyɔ na Yehowa, wò Mawu la. “Mègaxɔ deme ɖe nu si nèdo na nɔviwò, Israelvi la ta o, eɖanye ga, nuɖuɖu alo nu bubu ɖe sia ɖe o. Ele be nàxɔ deme le amedzro si, gake menye le Israelvi aɖeke si o, elabena ne èxɔ deme le nɔviwò Israelvi si la, Yehowa, wò Mawu la mayra wò ne èɖo Ŋugbedodonyigba la dzi o. “Ne èɖe adzɔgbe na Yehowa, wò Mawu la, ele be nàtso ɖe nu si ŋugbe nèdo nɛ la wɔwɔ ŋu kaba, elabena Yehowa bia be nàxe wò adzɔgbeɖefewo kaba. Ne mèwɔ se sia dzi o la, èwɔ nu vɔ̃. Ke ne mèɖe adzɔgbe kura o la, mèwɔ nu vɔ̃ o. Ne ènya ɖe adzɔgbe ko la, ele be nàkpɔ egbɔ be yewɔ nu si ŋugbe nèdo be yeawɔ la kokoko, elabena wò ŋutɔe tia nu si nàwɔ, eye Yehowa, wò Mawu lae nèɖe adzɔgbe na. “Ne èyi ame bubu aɖe ƒe waingble me la, àte ŋu aɖu eƒe waintsetse aɖi ƒo, gake mèkpɔ mɔ atsɔ ɖeke ade naneke me adzoe o. Se ma kee le bli hã ŋuti; àte ŋu atsɔ asi aŋe bli ʋɛ aɖewo, gake mègatsɔ nuŋehɛ aŋe hawòvi ƒe bli o.” Srɔ̃ɖeɖe kple srɔ̃gbegbe ƒe sewo “Ne ŋutsu aɖe srɔ̃ ƒe nu meganyo eŋu o la, ŋutsu la aŋlɔ srɔ̃gbegbalẽ atsɔ na srɔ̃a, eye wòanyae. Ne nyɔnu la gaɖe srɔ̃, eye srɔ̃a evelia hã gagbee alo ku la, srɔ̃ŋutsu gbãtɔ mekpɔ mɔ agaɖee o, elabena ŋutsu la do ŋunyɔ nyɔnu la kpɔ. Nu sia ahe vɔ̃ va anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nawòm la dzi. “Ne ŋutsu aɖe ɖe srɔ̃ eteƒe medidi o la, mègaɖoe ɖe aʋa loo alo nàde dɔ tɔxɛ aɖeke asi nɛ o. Na wòakpɔ vovo ƒe blibo ɖeka, anɔ aƒe me, eye wòakpɔ dzidzɔ kple srɔ̃a.” Sewo le beléle na ame dahewo ŋu “Se meɖe mɔ be woaxɔ wɔtute abe awɔbanu ene o, elabena eyae nye dɔwɔnu si naa nuɖuɖu ame si tɔ wònye. Ne ame aɖe fi nɔvia Israelvi, eye wòwɔe eƒe kluvi alo dzrae la, ele be amefila la naku ale be nu vɔ̃ naɖe ɖa le mia dome. “Ele be nàkpɔ egbɔ be wowɔ nunɔlawo ƒe sewo dzi pɛpɛpɛ le anyidzedɔ, dɔdzĩ kple kpodɔ gome, elabena mede se siwo dzi miawɔ ɖo nyaɖenyanui la na nunɔlawo. Ɖo ŋku nu si Yehowa, wò Mawu la wɔ Miriam esi miegbɔna tso Egipte la dzi. “Ne èɣe nane na ame aɖe la, mèkpɔ mɔ nàyi eƒe aƒe me be yeaxɔ awɔbanu aɖeke o. Nɔ aƒea godo! Na ame si nèɣe nu la na la ŋutɔ natsɔ awɔbanu la vɛ na wò. Ne amea da ahe, eye wòtsɔ eƒe avɔ na wò abe awɔbanu ene la, mele be nàtsyɔ avɔ la amlɔ anyie o. Trɔe yi nɛ ne ɣe ɖo to, ale be wòate ŋu awɔ eŋu dɔ le zã me, ekema woayra wò. Yehowa, wò Mawu la abui dzɔdzɔenyenyee na wò. “Mègate agbatedɔwɔla aɖeke ɖe to gbeɖe o, eɖanye nɔviwò Israelvi loo alo amedzro si le wò du me o. Xe eƒe fetu nɛ gbe sia gbe hafi ɣe naɖo to, elabena esi wòda ahe ta la, ehiã fetu la enumake. Ne mèxee nɛ enumake o la, afa konyi tso ŋuwò, eye Yehowa abui nu vɔ̃e na wò.” Sewo le tsyɔ̃eviwo kple amedzrowo ŋuti “Womawu fofowo ɖe wo viwo ƒe nu vɔ̃wo ta o, eye nenema ke womawu viwo ɖe wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo ta o. Woawu ame sia ame ɖe eya ŋutɔ ko ƒe nu vɔ̃ ta. “Mègate amedzrowo kple tsyɔ̃eviwo ƒe nya dzɔdzɔe ɖe to o, eye mègaxɔ ahosi aɖeke ƒe avɔ abe awɔbanu ene o. Ɖo ŋku edzi ɣe sia ɣi be mienye kluviwo le Egipte kpɔ, eye Yehowa, miaƒe Mawu la ɖe mi, eya tae mede se sia na mi. Ne èle wò nukuwo xam le wò agble me, eye nèŋlɔ nuku babla aɖe be ɖe agblea me la, mègatrɔ yi ɖatsɔe o. Gblẽe ɖi na amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo. Ekema Yehowa, wò Mawu la ayra wò asinudɔwo katã woadze edzi na wò. Ne ègbe kutsetsewo le amiti dzi la, mègatsa atilɔawo dzi zi evelia o. Gblẽ kutsetse siwo atsi atilɔawo dzi la ɖi na amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo. Se sia kee le wò wain tsetsewo gbegbe hã ŋu. Ne ègbe wò wain tsetsewo la, mègatsa le alɔawo dzi zi evelia o, ke boŋ gblẽ kutsetse siwo tsi atia dzi la ɖi na hiãtɔwo. Ɖo ŋku edzi be mienye kluviwo le Egipte kpɔ, eya tae mele se sia dem na mi.” Se le ameƒoƒo ŋuti “Ne dzre dzɔ ɖe ŋutsu eve dome la, ʋɔnudrɔ̃la adrɔ̃ nya la na wo, atso afia na ame si tɔ dzɔ, eye wòabu fɔ ame si tɔ medzɔ o. Ne ʋɔnudrɔ̃la la kpɔ be ele be woaƒo agɔdzela la, ekema ana agɔdzela la namlɔ anyi, eye woaƒoe le eŋkume ati xexlẽme ale si dze na agɔdzedze la. Woaƒoe zi blaene ko, ke mawu nenema o. Ne woƒoe wu nenema la, tohehe la asẽ akpa, eye wòaɖi gbɔ̃ nɔviwò le wò ŋkume. “Mègade ga nu na nyitsu si le agble me le dɔ wɔm o.” Se le ame nɔvi ƒe ahosiɖeɖe ŋuti “Ne ŋutsu aɖe nɔviŋutsu ku, eye vi aɖeke mele ame kuku la si o la, ahosi la mekpɔ mɔ aɖe srɔ̃ tso ƒome bubu me o, ke boŋ srɔ̃a kukua nɔviŋutsu naɖee, eye wòadɔ egbɔ. Woabu vi gbãtɔ si ahosi la adzi la abe ame si ku la ƒe vi ene, ale be ame si ku la ƒe ŋkɔ mabu le Israel o. Ke ne nɔviŋutsu la gbe be yemawɔ yeƒe dɔdeasi le go sia me o hegbe ahosi la ɖeɖe la, ekema ahosi la ayi dumemetsitsiwo gbɔ, eye wòagblɔ na wo be, ‘Srɔ̃nye nɔviŋutsu gbe be yemana nɔvia ŋutsu si ku la ƒe ŋkɔ natsi anyi le Israel o. Egbe be yemaɖem o.’ “Dumemetsitsiwo ayɔ ŋutsu la aƒo nu kplii tso nya la ŋu. Ne egagbe kokoko la, ekema nyɔnu la ate ɖe ŋutsu la ŋu le ametsitsiawo ŋkume, aɖe tokota le afɔ nɛ, eye wòaɖe ta ɖe mo nɛ. Le esia megbe la, nyɔnu la agblɔ be, ‘Nu siae wɔa ŋutsu si gbe be yematu ye nɔvi si ku la ƒe aƒe ɖo o.’ Tso gbe ma gbe dzi la, woayɔ ŋutsu la ƒe aƒe me le Israel be, ‘Ŋutsu si woɖe tokota le afɔ na la ƒe aƒe me!’ “Ne ŋutsu eve le avu wɔm, eye ɖeka srɔ̃ va de srɔ̃a dzi helé ŋutsu kemɛ ɖe asi na srɔ̃a la, ekema woalã nyɔnu la ƒe asi ɖa. Mègakpɔ nublanui nɛ o.” Sewo le nudzidzenuwo ŋuti “Nudakpe eve tɔgbi, esi de tututu kple esi mede tututu o la, meganɔ kotoku me na wò o. Nenema ke dzidzeka eve tɔgbi, esi de tututu kple esi mede o la, meganɔ asiwò o. Ke boŋ wɔ nudakpe kple dzidzeka siwo de tututu la ko ŋu dɔ, ale be wò ŋkekewo nasɔ gbɔ le anyigba si Yehowa, wò Mawu la ana wò la dzi. Ame siwo katã baa wo nɔviwo to nudanu kple dzidzeka mademadewo ŋu dɔ wɔwɔ me la nye ŋunyɔnu le Yehowa, wò Mawu ŋkume. “Mele be nàŋlɔ nu si Amalekitɔwo wɔ mi esi miegbɔna tso Egipte la be gbeɖegbeɖe o. Ɖo ŋku edzi be wowɔ aʋa kpli mi, eye wowu ame siwo ŋu ŋusẽ vɔ le, ame siwo ŋu ɖeɖi te kple ame siwo tsi megbe. Womesro Mawu ɖa alo vɔ̃e o, eya ta ne Yehowa, wò Mawu la na nèvo tso wò futɔwo katã ƒe asi me le ŋugbedodonyigba la dzi la, ele na wò be nàtsrɔ̃ Amaleki ƒe ŋkɔ ɖa keŋkeŋ le dziƒoa te. Mègaŋlɔ nu sia be gbeɖe o.” Kutsetse gbãtɔwo kple nuwo ƒe ewolia “Ne èva ɖo anyigba si Yehowa, wò Mawu la le na wò ge la dzi, eye nèxɔe hele edzi la, ele na wò be nàtsɔ wò agblemenuku gbãtɔ siwo nàkpɔ tso anyigba si Yehowa wò Mawu le na wò ge dzi la ƒe nuku gbãtɔwo le ƒe sia ƒe ƒe nuŋeŋe me na Yehowa le eƒe kɔkɔeƒe la. Tsɔe de kusi me yi na nunɔla si le dɔ wɔm ɣe ma ɣi, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Nunana siae nye nye emeʋuʋu ƒe dzesi be, Yehowa, nye Mawu kplɔm va ɖo anyigba si ŋugbe wòdo na tɔgbuinyewo la dzi.’ Nunɔla la axɔ kusi la le asiwò ada ɖe Yehowa wò Mawu ƒe vɔsamlekpui la dzi. Esia megbe la, àgblɔ le Yehowa, wò Mawu la ƒe ŋkume be, ‘Tɔgbuinyewo nye Arameatɔwo. Woʋu yi Egipte le sitsoƒedidi ta. Wonye ame ʋɛ aɖewo ko, ke wova zu dukɔ gã aɖe le Egipte. Egiptetɔwo wɔ fu mí, wɔ mí kluviwoe, eye wode dɔ sesẽwo asi na mí. Míedo ɣli, ƒo koko na Yehowa, mía fofowo ƒe Mawu. Ese míaƒe gbe, eye wòkpɔ míaƒe fukpekpe, dɔwɔwɔ kple ale si wote mí ɖe toe. Etsɔ nukunu gãwo kple asi sesẽ ɖe mí tso Egipte. Esi wòwɔ nukunu gã dziŋɔwo le Egiptetɔwo ŋkume la, ekplɔ mí tso teƒe sia, eye wòtsɔ anyigba sia, si dzi “notsi kple anyitsi bɔ ɖo” la na mí. Azɔ la, O! Yehowa, kpɔ ɖa, metsɔ nye agblemenuku gbãtɔ siwo mekpɔ tso anyigba si nènam me la ƒe kpɔɖeŋu vɛ na wò.’ Ekema nàtsɔ nukuawo ada ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋkume, eye nàde ta agu nɛ. Le esia megbe la, yi nàɖo kplɔ̃ kple nu nyui siwo katã Yehowa, wò Mawu la na wò. Na wò ƒometɔwo kple Levitɔwo kple amedzro siwo le mia dome la nakpɔ gome kpli wò le dzidzɔkpɔkpɔ la me. “Ƒe etɔ̃lia ɖe sia ɖe nye ƒe tɔxɛ na nuwo ƒe ewolia nana. Le ƒe ma me la, ele be nàtsɔ wò nuwo ƒe ewolia katã ana Levitɔwo, amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo, ale be woawo hã naɖu nu nyuie. Ekema nàgblɔ le Yehowa, wò Mawu la ŋkume be, ‘Metsɔ nye nuwo ƒe ewolia katã na Levitɔwo, amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo abe ale si nèɖo nam ene. Nyemeda le wò se aɖeke dzi loo alo ŋlɔ ɖeke be o. Nyemeka asi nu ewolia ƒe ɖeka ŋu esi nye ŋuti mekɔ o, le kpɔɖeŋu me, esi menɔ fu nyim o, eye nyemetsɔ ɖeke na ame kukuwo hã o. Meɖo to Yehowa, nye Mawu la, eye mewɔ nu sia nu si nèɖo nam. Kpɔ mí ɖa tso wò nɔƒe kɔkɔe la le dziƒo, eye nàyra Israelviwo kple anyigba si nètsɔ na mí abe ale si nèdo ŋugbe na mía tɔgbuiwo ene. Wɔe wòanye anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo.’ ”  Wɔ ɖe Yehowa ƒe sewo dzi “Ele be nàwɔ se kple ɖoɖo siwo katã Yehowa, wò Mawu la le nàwom egbe la dzi kple dzi wò blibo. Èʋu eme egbe be Yehowae nye wò Mawu, eye nèdo ŋugbe egbe be, yeawɔ eƒe sewo kple ɖoɖowo dzi, eye yeawɔ nu sia nu si wògblɔ na ye be yeawɔ. Yehowa hã ʋu eme egbe be ànye yeƒe dukɔ abe ale si wòdo ŋugbe ene, eye wòbia tso asiwò be nàwɔ yeƒe sewo katã dzi. Ne èwɔ alea la, awɔ wò dukɔ gã wu dukɔ bubu ɖe sia ɖe, eye wòana kafukafu, bubu kple ŋkɔxɔxɔ wò. Ke hafi bubu kple ŋkɔ sia naɖo ŋuwò la, ele be nànye dukɔ kɔkɔe na Yehowa, wò Mawu la abe ale si wòdi tso asiwò ene.” Vɔsamlekpui si wotu ɖe Ebal to la dzi Tete Mose kple Israel ƒe ametsitsiwo de se bubu na ameawo be woalé se siwo katã yede na wo egbe la me ɖe asi. “Ne ètso Yɔdan tɔsisi la, eye nèɖo Ŋugbedodonyigba la dzi la, ɖe kpe gãwo tso tɔsisi la me, eye nàtsɔ wo awɔ ŋkuɖodzikpe enumake ɖe tɔsisi la ƒe akpa kemɛ le Ebal to la gbɔ. Si akalo na kpeawo, eye nàŋlɔ Mawu ƒe seawo katã ɖe kpeawo dzi, gbe si gbe nèɖo tɔ la godo be nàyi anyigba si Yehowa, wò Mawu la le na wò ge la dzi, anyigba si dzi ‘notsi kple anyitsi bɔ ɖo,’ abe ale si Yehowa, fofowòwo ƒe Mawu la do ŋugbee ene. “Ne ètso Yɔdan tɔsisi la la, ɖo kpe siawo ɖe Ebal to la dzi, abe ale si megblɔ na wò ene, eye nàsi akalo na wo. Tu vɔsamlekpui ɖe afi ma na Yehowa, wò Mawu la kple kpe siwo womefu kple gakpo o. Tu vɔsamlekpui la kple kpe siwo womekpa o, eye nàsa numevɔ na Yehowa, wò Mawu la ɖe vɔsamlekpui la dzi. “Sa ŋutifafavɔ hã ɖe edzi, eye nàɖu nu kple dzidzɔ le afi ma le Yehowa wò Mawu ƒe ŋkume. Ŋlɔ se siawo katã, ɖe sia ɖe me nakɔ nyuie ɖe ŋkuɖodzikpe sia dzi.” Fiƒodewo tso Ebal to la dzi Mose kple nunɔla siwo nye Levitɔwo gblɔ nya siawo na Israelviwo katã be, “O! Israel, ɖo to! Egbe la, èzu Yehowa, wò Mawu la ƒe dukɔ, eya ta ele be nàdze se siwo katã mede na wò la dzi wɔwɔ gɔme egbea.” Mose de se siawo na Israelviwo gbe ma gbe ke. “Ne mietso Yɔdan tɔsisi la, eye mieɖo ŋugbedodonyigba la dzi la, ame siwo atsi tsitre ɖe Gerizim to la dzi, ayra dukɔ la woe nye Simeon, Levi, Yuda, Isaka, Yosef kple Benyamin ƒe dzidzimeviwo, eye Ruben, Gad, Aser, Zebulon, Dan, Naftali ƒe dzidzimeviwo atsi tsitre ɖe Ebal to la dzi aƒo fi ade ameawo. Ekema Levitɔwo atsi tsitre ɖe akpa eveawo dome ado ɣli agblɔ na Israel dukɔ blibo la be, “Ame sia ame si awɔ legba, eye wòasubɔe nenye le ɣaɣlaƒe hã, nenye aklamakpakpɛ loo alo nu si wololõ ga tsɔ wɔe, esi mawu siwo katã wowɔ kple asi nye nu si Yehowa lé fui ta la, Mawu ƒe fiƒode nava nu siawo wɔlawo dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen!” “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si ado vlo fofoa alo dadaa la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen!” “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si aɖɔli teƒe na liƒoti le eya ŋutɔ ƒe anyigba kple nɔvia tɔ dome la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!” “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si awɔ ŋkuagbãtɔ aɖe ƒe numakpɔmakpɔ ŋu dɔ wòazu viɖe na eya ŋutɔ la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!” “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si aba amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosi aɖe la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!” “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si awɔ ahasi kple fofoa srɔ̃wo dometɔ ɖeka la dzi, elabena fofoa tɔe.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!” “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si adɔ lã aɖe gbɔ la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!” “Mawu ƒe fiƒode nava ŋutsu si adɔ eya ŋutɔ nɔvinyɔnu, eɖanye fofovia alo dadavia gbɔ la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!” “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si ade asi lɔ̃xoa ŋu la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!” “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si awu nɔvia le adzame la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen: neva eme nenema!” “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si axɔ zãnu be yeawu ame maɖifɔ la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!” “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si mawɔ se siawo katã dzi o la dzi.” Eye ameawo katã agblɔ be, “Amen!” Sedziwɔwɔ ŋuti yayrawo “Ne èwɔ Yehowa, wò Mawu la ƒe se siwo katã mele mia nam egbe la dzi pɛpɛpɛ la, awɔ wò nàzu dukɔ gãtɔ le xexea me, eye yayra siawo katã agbã go ɖe dziwò ne àɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe. Woayra wò le du me kple agble me siaa. Woayra wò alimeviwo, eye wò agblemenukuwo, wò lãwo ƒe viwo, wò nyiwo kple wò alẽwo siaa adzi ɖe edzi. Woayra wò kusi kple wò amɔze. Woayra wò ne èva aƒe me kple ne èdo go. “Yehowa aɖu wò futɔwo dzi le ŋgɔwò. Woaƒo ƒu alũ ɖe dziwò, gake woaka ahlẽ asi to teƒe adre le ŋgɔwò! Yehowa ayra wò kple nuku nyuiwo kple nyi siwo ƒe lãme nyo. Ana nàkpɔ dzidzedze le nu sia nu si nàwɔ ne èva ɖo anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nawòm la dzi. “Yehowa wò Mawu atrɔ wò nàzu dukɔ kɔkɔe na eɖokui abe ale si wòdo ŋugbe be yeawɔ ne ànya wɔ ɖe yeƒe sewo dzi, eye nàzɔ le yeƒe mɔwo dzi la ko ene. Dukɔwo katã le xexea me adze sii be Yehowa tɔ nènye, eye woƒe nu aku. “Yehowa ana nu nyuiwo wò le anyigba la dzi ale be viwòwo, wò lãwo kple wò agblemenukuwo nasɔ gbɔ fũu abe ale si wòdo ŋugbe ene. Yehowa aʋu dziƒo nu, tsi adza na wò, eye wòana agblemenukuwo wò ɣe sia ɣi. Ayra nu sia nu si nàwɔ; àdo nugbana na dukɔ geɖewo, gake wò ŋutɔ ya màdo nugbana le wo si o. Ne mianya ɖo to, eye miawɔ Yehowa miaƒe Mawu ƒe se siwo mele dedem na mi egbea dzi ko la, Yehowa awɔ wò nàzu ta, eye mànye asike o; àɖu dzi le nu sia nu me ɣe sia ɣi. Ke yayra siawo dometɔ ɖe sia ɖe ku ɖe ale si màɖe asi le se siwo mede na wò la dzi wɔwɔ ŋu le mɔ aɖeke nu o la ŋu. Gawu la, mèkpɔ mɔ asubɔ mawu bubu aɖeke gbeɖegbeɖe o.” Sedzimawɔmawɔ ƒe fiƒodewo “Ne màɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe o, eye màwɔ ɖe eƒe se kple ɖoɖo siwo mexlẽ na wò egbea dzi o la, Mawu ƒe fiƒode siawo katã ava dziwò, eye woaɖi ŋuwò. Ne èle du me la, aɖi ŋuwò eye ne èle agble hã, aɖi ŋuwò. Aɖi wò kusi kple wò amɔze hã ŋu. Aɖi wò alimeviwo, wò agblemenukuwo, wò nyiwo kple wò alẽwo hã ŋu. Ne èva aƒe me la, aɖi ŋuwò, ne èdo go hã aɖi ŋuwò. “Yehowa ŋutɔ aƒo fi ade wò; àtɔtɔ, eye màkpɔ dzidzedze le nu sia nu si nàwɔ la me o va se ɖe esime wò ŋutɔ nàtsrɔ̃ mlɔeba le ale si nègblẽ Mawu ɖi la ta. Yehowa akplɔ dɔvɔ̃ ade dowòme va se ɖe esime nàtsrɔ̃ ɖa keŋkeŋ le anyigba si dzi yim nèle la ƒe ŋkume. Yehowa akplɔ kpedɔ, ŋudza, lãmedɔ bubuwo, dɔvɔ̃ kple aʋawɔwɔ ade dowòme. Ana wò agblemenukuwo nayrɔ, eye woadzi ŋɔviwo. Dzɔgbevɔ̃e siawo katã adze yowòme va se ɖe esime nàtsrɔ̃, eye nuwò nayi. “Dziƒowo asẽ dzi me abe akɔbli ene ɖe wò tame, eye anyigba anɔ abe gayibɔ ene ɖe tewò. Anyigba la aƒu abe ʋuʋudedi ene le kuɖiɖi ta, eye ahom atu, eye kekuiwo atsrɔ̃ wò. “Yehowa ana wò futɔwo naɖu dziwò. Wò aʋakɔ aƒo ƒu azɔ ayi aʋa, ke atɔtɔ, aka ahlẽ le futɔwo ŋkume, eye nàtsa tsaglalã le anyigbadzidukɔwo dome. Wò ame kukuwo azu nuɖuɖu na xewo kple gbemelãwo, eye ame aɖeke manɔ anyi anya wo ɖa o. “Yehowa, wò Mawu la aɖo Egiptetɔwo ƒe ƒoƒoe, anyi kple akpa ɖe dowòme, eye atike manɔ anyi na wo dometɔ aɖeke o. Ana tsukuku, ŋkuagbã, vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya nadze dziwò; àtsa asi le ŋdɔkutsu dzatsi nu abe ale si ŋkuagbãtɔ tsaa asi le viviti me ene tututu. Nu siwo katã nàwɔ la dometɔ aɖeke madze edzi na wò o. Woate wò ɖe to; woada adzo wò enuenu, eye naneke maɖe wò o. “Ŋutsu bubu sãa aɖe nyɔnu si ta nèbia, ame bubu sãa anɔ aƒe si nètso la me, eye ame bubu sãa aɖu waingble si nède la me kutsetsewo. Woafli wò nyitsuwo ƒe lã le wò ŋutɔ wò ŋkume, ke woƒe lãkɔ kakɛ aɖeke gɔ̃ hã maka nu na wò o. Woanya wò tedziwo dzoe le wò ŋkume, eye womagatrɔ ava gbɔwò gbeɖe o. Woatsɔ wò alẽwo na wò futɔwo, eye ame aɖeke manɔ anyi axɔ na wò o. Ànɔ viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo kpɔm hafi woakplɔ wo adzoe abe kluviwo ene. Wò ŋkuwo atsi wo ŋu, wò dzi agbã, gake màte ŋu awɔ naneke o. Didiƒe dukɔ aɖe si ƒe ŋkɔ mèse kpɔ gɔ̃ hã o la aɖu wò agblemenuku siwo nèƒã kple kutrikuku geɖe. Woate wò ɖe anyi, eye woafiti wò ɣe sia ɣi. Dzɔgbevɔ̃e siwo nàkpɔ woaƒo xlã wò la ana nàku tsu. Yehowa ana ƒoƒoe naƒo wò tso tagbɔ va se ɖe afɔgɔme. “Yehowa, wò Mawu la aɖe aboyo wò kple fia si nàɖo la ayi dukɔ aɖe si ŋu wò ŋutɔ kple tɔgbuiwòwo siaa miebu kpɔ o la me, àsubɔ mawu siwo wowɔ kple ati kple kpe. Àzu ŋɔdzinu, lodonu kple alɔmeɖenu le dukɔwo katã dome, elabena Yehowa aɖe wò aƒu gbe. “Àƒã nukuwo fũu, gake nuku ʋɛ aɖewo ko nàŋe, elabena ʋetsuviwo agblẽ wò nukuawo. Àde waingblewo, eye nàwɔ dɔ le wo me kple vevidodo nu, ke màɖu woƒe tsetseawo o, eye màno wain si woafia tso wo me hã o, elabena ŋɔ aɖu wo. Amitiwo amie ɖe afi sia afi, gake màkpɔ ami wòasɔ gbɔ be nàsi na ɖokuiwò gɔ̃ hã o. Woalé viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo abe kluviwo ene adzoe le gbɔwò. Ʋetsuviwo agblẽ wò atiwo kple wò waingblewo. Amedzro siwo le dowòme la anɔ hotsui kpɔm ɖe edzi, le esime wò ŋutɔ nànɔ ahe dam ɖe edzi. Woado nugbana na wò, ke wò ya màdo naneke na wo o! Woawoe anye ta, eye wò ŋutɔ nàzu asike! “Fiƒode siawo katã aɖi ŋuwò, eye woanɔ yowòme va se ɖe esime nàtsrɔ̃ keŋkeŋ le esi nègbe be yemaɖo to Yehowa, wò Mawu o la ta. Ŋɔdzinu siawo ava wò kple wò dzidzimeviwo dzi, eye woanye nusɔsrɔ̃ na wò. Esi mèsubɔ Yehowa wò Mawu kple dzidzɔ le nu nyui siwo katã wòwɔ na wò o la ta, Yehowa ana nàzu kluvi na wò futɔwo le dɔwuame, tsikɔwuame kple amamanɔnɔ me. Nu sia nu ahiã wò. Yehowa ade gakɔkuti kɔ na wò va se ɖe esime wòatsrɔ̃ wò ɖa gbidii. “Yehowa akplɔ dukɔ aɖe si ƒe gbe mèse o la tso didiƒe ke, wòava dze dziwò abe ale si hɔ̃ dzea eƒe nuɖuɖu dzi ene. Dukɔ sia me tɔwo nye ame nyanyrawo, ame siwo makpɔ nublanui na ɖeviwo alo ame tsitsiwo o. Woaɖu nu le wò aƒe me va se ɖe esime wò nyiwo, agblemenukuwo, bli, wain yeye, ami, nyiviwo kple alẽviwo navɔ keŋkeŋ. Dukɔ ma aɖe to ɖe wò duwo, eye wòamu wò gli kɔkɔ siwo ŋu nèɖoa ŋu ɖo be woaxɔ na ye la aƒu anyi. Àɖu wò ŋutɔ viwò ŋutsuviwo kple viwò nyɔnuviwo ƒe lã gɔ̃ hã le ɣeyiɣi vɔ̃ siwo gbɔna, esime woaɖe to ɖe wò la me. Nublanuikpɔnamela gãtɔ siwo le dowòme la asẽ ŋuta le eya ŋutɔ nɔvia ŋutsu, srɔ̃a lɔlɔ̃a kple via siwo aganɔ agbe la ŋu. Mana viawo ƒe lã si ɖum wòanɔ hã wo o, le dɔtoto si va dua me esi futɔwo ɖe to ɖee ta. Wò nyɔnu bɔbɔe si malɔ̃ be yeatu afɔ anyigba na gɔ̃ hã o la, agbe mana nu srɔ̃a lɔlɔ̃a, via ŋutsuwo kple via nyɔnuwo gɔ̃ hã o. Aɣla amenɔ si le eƒe atawo dome kple vidzĩ si wòdzi la ɖe wò ale be eya ɖeka nate ŋu aɖu wo le adzame. Le ɣeyiɣi si me woaɖe to ɖe dua la, dɔwuame kple fukpekpe si wò futɔwo ahe vɛ la nu asẽ ŋutɔŋutɔ. “Ne ègbe mèwɔ se siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me dzi o, eye nèto esia me gbe, mèvɔ̃ Yehowa, wò Mawu la ƒe ŋkɔ si ŋu bubu kple ŋɔdzi le o la, ekema Yehowa ahe dɔvɔ̃ si nu matso o la va wò kple viwòwo dzi. Yehowa ahe Egiptetɔwo ƒe dɔléle siwo nèvɔ̃na ŋutɔ la ava dziwò, eye woaxɔ anyigba la dzi. Menye nu siawo ɖeɖe ko ava dziwò o! Yehowa ahe dɔléle ɖe sia ɖe si le xexea me la, esiwo dzi wometɔ asii le Segbalẽ sia me o hã ava dziwò va se ɖe esime nàtsrɔ̃ gbidigbidi. Togbɔ be miesɔ gbɔ abe ɣletiviwo ene kpɔ hã la, mia dometɔ ʋɛ aɖewo koe asusɔ. Esiawo katã ava eme ne mèɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe o. Abe ale si Yehowa kpɔ dzidzɔ le ŋuwò, wɔ nu wɔnuku mawo na wò, eye wòna nèdzi sɔ gbɔ ene la, nenema kee, le ɣeyiɣi si gbɔna me la, Yehowa akpɔ dzidzɔ le ale si wòatsrɔ̃ wò ŋu, eye nàbu le anyigba la dzi, elabena Yehowa aka wò ahlẽ ɖe dukɔwo katã dome tso anyigba la ƒe seƒe ɖeka yi eƒe seƒe bubu. Le afi ma la, àsubɔ mawu siwo wowɔ kple ati kple kpe, mawu siwo wò ŋutɔ kple tɔgbuiwòwo mienya o! Le dukɔ mawo dome la, màkpɔ dzidzeme o, elabena Yehowa ana vɔvɔ̃dzi kple viviti wò, eye wòana nuxaxa kple vɔvɔ̃ nana wò ŋutilã nanyunyɔ. Àtsi dzodzodzoe le wò agbe ŋu, ànɔ agbe le vɔvɔ̃ me zã kple keli, eye naneke mana nàxɔe ase be ŋu ake ɖe ye o. Le ŋdi la, àgblɔ be, ‘O! Zã mee wòanye hafi!’ Le fiẽ me la, àgblɔ be, ‘O! Ŋkeke me wòanye hafi!’ Àgblɔ nya siawo le ŋɔdzinu siwo aƒo xlã wò la ta. Ekema Yehowa agbugbɔ mi aɖo ɖe Egipte le tɔdziʋuwo me togbɔ be edo ŋugbe na mi be miagade afi ma o hã hafi! Le afi ma la, miatsɔ mia ɖokuiwo ana woaƒle abe kluviwo ene, gake ame aɖeke madi be yeaƒle mi gɔ̃ hã o.” Nubabla la wɔwɔ yeyee Mose gbugbɔ nubabla si Yehowa wɔ kple Israelviwo le Horeb to la dzi la gblɔ le Moab gbedzi. Mose yɔ Israelviwo katã ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be: Miawo ŋutɔ miekpɔ nu siwo katã Yehowa wɔ Farao, eŋumewo kple anyigba blibo la le Egipte. Miawo ŋutɔ miaƒe ŋkuwo kpɔ dɔvɔ̃wo, dzesi wɔnukuwo kple nukunu bubuawo, gake va se ɖe egbe la, Yehowa mena dzi nyanu mi be miase nu gɔme o, mena ŋku mi be miakpɔ nu o, eye mena to mi be miase nu o! Ekplɔ mi to gbedzi ƒe blaene sɔŋ, gake miaƒe awuwo medo xoxo o, eye miaƒe tokotawo te menyi o! Nu si ta Yehowa mena mietɔ ɖe teƒe ɖeka be miaƒã bli na abolowɔwɔ alo miado waintiwo hena wain kple aha sesẽ o lae nye be miadze sii be Yehowa, miaƒe Mawu lae le mia dzi kpɔm. Esi míeva ɖo afi sia la, Fia Sixɔn tso Hesbon kple Fia Ɔg tso Basan kpe aʋa kpli mí, ke míeɖu wo dzi; míexɔ woƒe anyigba, eye míetsɔe na Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã abe woƒe domenyinu ene, eya ta milé nubabla sia me nyawo me ɖe asi, eye miawɔ wo dzi be, nu sia nu si miawɔ la nadze edzi na mi. Mi katã, miele tsitre ɖe Yehowa miaƒe Mawu ƒe ŋkume egbe. Miaƒe kplɔlawo, ʋɔnudrɔ̃lawo, ametsitsiawo kple Israel ƒe ŋutsuwo katã, vidzĩwo, mia srɔ̃wo, miaƒe amedzrowo, nakefɔlawo kple tsikulawo katã mietsi tsitre ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume egbea. Miele tsitre ɖe afi sia be miawɔ nubabla kple Yehowa, miaƒe Mawu la, eye miage ɖe nubabla si wòle wɔwɔm kpli mi egbe la me. Edi be yeali ke mi egbe abe yeƒe dukɔ ene, eye yeaka ɖe edzi na mi be yee nye miaƒe Mawu, abe ale si wòdo ŋugbee na mia tɔgbuiwo, Abraham, Isak kple Yakob ene. Mele nubabla sia wɔm kpli mi, ame siwo le tsitre ɖe afi sia egbe la ɖeɖe ko o, ke boŋ ele ewɔm kple Israel ƒe dzidzimevi siwo ava dzɔ hã. Eme kɔ ƒãa be, mieɖo ŋku ale si mienɔ Egiptenyigba dzi, ale si miedzoe kple ale si mieto futɔwo ƒe anyigba dzi la dzi. Miekpɔ woƒe mawu ɖigbɔ̃ siwo wowɔ kple ati, kpe, klosalo kple sika. Gbe si gbe mia dometɔ aɖe, ŋutsu alo nyɔnu, ƒome aɖe alo Israel ƒe to aɖe atrɔ tso Yehowa, miaƒe Mawu la gbɔ be yeasubɔ dukɔ bubuawo ƒe mawu siawo la, gbe ma gbe la, ame ma anɔ abe ati aɖe si ƒe ke ave ɖihaɖiha, eye wòanɔ abe aɖi ene. Ne ame sia tɔgbi se atamkaka sia, evɔ wòhegblɔ yayranyawo kɔ ɖe eɖokui dzi, eye wòbu le eƒe susu me be, “Manɔ dedie togbɔ be melé nye mɔ tsɔ hã” la, esia ahe gbegblẽ ava anyigba si wode tsii kple esi le ƒuƒui la siaa dzi. Yehowa makpɔ nublanui na ame o! Eƒe dɔmedzoe kple ŋuʋaʋã abi dzo ɖe ame ma ŋu, eye fiƒode siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la adze ame ma dzi, aɖi eŋu, eye Yehowa atutu eƒe ŋkɔ ɖa le dziƒoa te. Yehowa aɖe ame ma ɖe vovo tso Israelviwo ƒe towo katã gbɔ, eye wòakɔ Segbalẽ sia me fiƒode ɖe ame siwo katã mazɔ ɖe nubabla sia nu o la dzi. Ekema mia viwo kple miaƒe dzidzimevi siwo ava dzɔ kple amedzro siwo atso didiƒewo la akpɔ ale si Yehowa ana anyigba la maganyo nukuwo o kple dɔléle siwo wòaɖo ɖe anyigba la dzi. Woakpɔe be anyigba blibo la trɔ zu aŋɔ kple dze kple anyigba fiafia si dzi nuku mele o, eye ati aɖeke memie ɖe edzi hã o, abe Sodom kple Gomora kple Adma kple Zeboyim, du siwo Yehowa tsrɔ̃ le eƒe dɔmedzoe me ene. Amewo abia be, “Nu ka ta Yehowa wɔ anyigba sia alea ɖo? Nu ka ta wòdo dɔmedzoe nenema gbegbe ɖo?” Woagblɔ na wo be, “Elabena anyigba la dzi tɔwo gbe nubabla si Yehowa, woƒe tɔgbuiwo ƒe Mawu la wɔ kpli wo esi wòkplɔ wo dzoe le Egipte la dzi wɔwɔ, elabena wosubɔ mawu bubuwo, eye nuwɔna sia tsi tsitre ɖe Mawu ƒe se la ŋu. Eya ta Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe anyigba sia ŋu sesĩe nenema, ale eƒe fiƒode siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la ɖi wo ŋu. Yehowa ɖe wo ɖa kple dɔmedzoe tso woƒe anyigba dzi, eye wòtsɔ wo ƒu gbe ɖe anyigba bubu dzi, afi si wole va se ɖe egbe.” Nu ɣaɣlawo nye Yehowa, mía Mawu tɔ; ke nu siwo wòɖe fia mí la nye míawo kple mía viwo tɔ tegbee, ale be míawɔ se sia me nyawo katã dzi. Dzidzedzekpɔkpɔ na ame siwo vɔ̃a Yehowa “Ne nu siawo katã, yayra kple fiƒode siwo mexlẽ na mi va mia dzi, miebu wo ŋuti esi miele dukɔ siwo me Yehowa, miaƒe Mawu la nya mi ɖo ɖa la dome, eye mi kple mia viwo mietrɔ ɖe Yehowa miaƒe Mawu ŋu, hede asi eƒe se siwo katã mede na mi egbe la dzi wɔwɔ me kple dzi blibo kple luʋɔ blibo la, ekema Yehowa, miaƒe Mawu la aɖe mi tso aboyome, ave mia nu, eye wòaƒo mia nu ƒu tso dukɔ siwo katã dome wòakaka mi ɖo la me. Togbɔ be mianɔ anyigba ƒe mlɔenu ke hã la, ayi aɖadi mi, eye wòagakplɔ mi va mia tɔgbuiwo ƒe anyigba dzi. Anyigba la agazu mia tɔ. Yehowa miaƒe Mawu agawɔ nyui na mi, eye wòagayra mi wu ale si wòyra mia tɔgbuiwo kpɔ gɔ̃ hã. Yehowa, miaƒe Mawu la akɔ mi kple mia viwo kple miaƒe tɔgbuiyɔviwo ƒe dziwo ŋuti, ale be miagalɔ̃e kple miaƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo, eye Israel agagbɔ agbe. Yehowa, miaƒe Mawu la aɖe eƒe fiƒodewo katã ɖa le mia dzi, eye wòatrɔ wo akɔ ɖe ame siwo léa fu mi, eye wotia mia yome la dzi. Ke miawo la, ele na mi be miatrɔ va Yehowa gbɔ, eye miawɔ eƒe se siwo katã mede na mi egbe la dzi. Yehowa miaƒe Mawu ana nu sia nu si miawɔ la nadze edzi na mi, eye wòana mia viwo, miaƒe lãwo kple miaƒe agblemenukuwo nasɔ gbɔ fũu, elabena Yehowa agakpɔ dzidzɔ le mia ŋu, abe ale si wòkpɔe le mia tɔgbuiwo ŋu ene. Yehowa akpɔ dzidzɔ ne miawɔ se siwo katã woŋlɔ ɖe Segbalẽ sia me la dzi, eye miatrɔ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋu kple miaƒe dzi blibo kple miaƒe luʋɔ blibo ko.” Mose tsɔ agbe kple ku ɖo Israelviwo ŋkume “Menye ɖe se siwo dem mele na mi egbea la dzi wɔwɔ mele miaƒe ŋutete me o, elabena se siawo mele dziƒo ʋĩi ale gbegbe be miagblɔ be, ‘Ame kae ayi dziƒo’ atsɔ wo vɛ na mí, be míase eye miawɔ wo dzi o. Menye ɖe wole atsiaƒu la godo, eye wodidi tso mia gbɔ ale gbegbe be ame aɖeke mate ŋu agblɔ wo me nyawo na mi o. Ke boŋ wote ɖe mia ŋu kpokploe, wole miaƒe dzi me kple miaƒe nu me, ale be miate ŋu awɔ wo dzi. “Kpɔ ɖa, metsɔ agbe kple dzɔgbenyui, ku kple dzɔgbevɔ̃e da ɖe mia ŋkume egbea. Nu siawo ku ɖe miaƒe seawo dzi wɔwɔ kple wo dzi mawɔmawɔ ŋu. Mede se na mi egbea be mialɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la, miazɔ le eƒe mɔwo dzi, eye mialé eƒe sewo me ɖe asi, ale be mianɔ agbe, eye miazu dukɔ gã aɖe, ekema Yehowa ayra mi le anyigba si le mia tɔ zu ge la dzi. Ke ne miaƒe dzi ato mɔ bubu, miawɔ nye seawo dzi o, ne woakplɔ mi atra mɔe, eye miasubɔ mawu bubuwo la, ekema mele kpe ɖom edzi na mi be miatsrɔ̃ kokoko. Mianɔ agbe wòadidi, eye wòanyo na mi le anyigba si xɔ ge miala la dzi o. “Meyɔ dziƒo kple anyigba abe ɖasefowo ene ɖe mia ŋu be egbe la, metsɔ agbe kple ku, yayra kple fiƒode le mia ŋkume ɖom, eya ta anyo be miatia agbe ale be miawo kple mia viwo siaa mianɔ agbe! Mitia be mialɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la. Miaɖo toe, eye miaku ɖe eŋu, elabena eyae nye miaƒe agbe kple miaƒe agbemeŋkekewo ƒe agbɔsɔsɔ. Ekema miate ŋu anɔ dedie le anyigba si Yehowa do ŋugbe be yeatsɔ na mia tɔgbuiwo, Abraham, Isak kple Yakob la dzi.” Yosua xɔ ɖe Mose teƒe Esi Mose wu nya siawo gbɔgblɔ nu la, egagblɔ na ameawo be, “Fifia mexɔ ƒe alafa ɖeka kple blaeve. Ŋutete megale ŋunye be mado go, eye magava eme o, elabena Yehowa gblɔ nam be nyematso Yɔdan tɔsisi la o. Ke Yehowa miaƒe Mawu ŋutɔ akplɔ mi, atsrɔ̃ dukɔ siwo le anyigba la dzi, eye miaɖu wo dzi. Yosua nye miaƒe kplɔla yeye la abe ale si Yehowa do ŋugbe ene. Yehowa atsrɔ̃ dukɔ siwo le anyigba la dzi abe ale si wòwɔ Sixɔn kple Ɔg, Amoritɔwo ƒe fiawo ene. Yehowa atsɔ ame siwo le anyigba la dzi la ade asi na mi, eye miatsrɔ̃ wo abe ale si meɖo na mi ene. Misẽ ŋu! Dzi nanɔ mia ƒo! Migavɔ̃ o, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la anɔ kpli mi. Mada le eƒe nya dzi o, eye magblẽ mi ɖi hã o.” Mose yɔ Yosua hegblɔ nɛ le Israelviwo katã ŋkume be, “Kpɔ ŋusẽ! Lé dzi ɖe ƒo, elabena wòe akplɔ ame siawo ayi anyigba si ŋugbe Yehowa do na wo tɔgbuiwo la dzi. Kpɔ egbɔ be woxɔ anyigba la. Mègavɔ̃ o, elabena Yehowa adze ŋgɔ na wò, anɔ kpli wò, mada le eƒe nya dzi o, eye magblẽ wò ɖi hã o.” Seawo xexlẽ Le esia megbe la, Mose ŋlɔ se siwo wòde na ameawo la, eye wòtsɔ wo na nunɔlawo, Levitɔwo, ame siwo kɔa nubablaɖaka si me Yehowa ƒe Se Ewoawo le. Mose tsɔ se siwo wòŋlɔ la na Israel ƒe ametsitsiwo hã. Mose bia tso wo si be, “Le ƒe adre ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu, ɣeyiɣi si woɖo da ɖi be woatsɔ fewo ake, le Agbadɔmenɔŋkekenyui dzi, esime Israelviwo katã ado ɖe Yehowa, Mawu ŋkume le teƒe si eya ŋutɔ atia la, ele be nàxlẽ se siawo na Israelviwo katã woase.” Mose yi edzi be, “Yɔ ameawo katã ƒo ƒu, ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖeviwo kple amedzro siwo le mia dome, be woase Yehowa ƒe seawo, eye woasrɔ̃ eƒe lɔlɔ̃nu, ale be miavɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la, eye miawɔ ɖe eƒe seawo dzi. Wɔ esia ale be miaƒe ɖevi sue siwo menya se siawo o la, woase wo, eye woasrɔ̃ ale si woavɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkeke ale si mianɔ ŋugbedodonyigba la dzi.” Nyagblɔɖi tso Israel ƒe aglãdzedze ŋu Tete Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɣeyiɣi si wòle na wò be nàku la ɖo. Yɔ Yosua, miava Agbadɔ la me, eye magblɔ eƒe dɔdeasiwo nɛ.” Ale Mose kple Yosua wova tsi tsitre ɖe Yehowa ŋkume. Yehowa ɖe eɖokui fia wo le lilikpo gã aɖe me le agbadɔ la ƒe mɔnu, eye wògblɔ na Mose be, “Ele na wò be nàku, eye nàyi tɔgbuiwòwo gbɔ. Le wò ku megbe la, ame siawo ade asi mawu siwo le ŋugbedodonyigba la dzi la subɔsubɔ me. Woaŋlɔm be ale woagblẽ nubabla si mewɔ kple wo la me. Ekema nye dɔmedzoe abi ɖe wo ŋu, maɖe asi le wo ŋu, maɣla nye ŋkume ɖe wo, eye matsrɔ̃ wo. Nya sesẽ, dziŋɔwo adzɔ ɖe wo dzi, eye woagblɔ be, ‘Mawu megale mía dome o!’ Magbugbɔ le wo yome le woƒe nu vɔ̃ siwo wowɔ to mawu bubuwo subɔsubɔ me la ta. “Azɔ la, ŋlɔ ha sia ƒe nyawo da ɖi, eye nàfia Israelviwo abe nye nuxlɔ̃ame na wo ene. Ne mekplɔ wo va ɖo anyigba si ŋugbe medo na wo tɔgbuiwo dzi, anyigba si dzi ‘notsi kple anyitsi bɔ ɖo,’ ne wokpɔ lãme, nuwo nyo na wo, wosubɔ mawu bubuwo, do vlom, gblẽ nye nubabla kpli wo me, eye dzɔgbevɔ̃e gãwo dzɔ ɖe wo dzi la, ekema ha sia aɖo ŋku nu si he dzɔgbevɔ̃e va wo dzii la dzi na wo. Ha sia anɔ anyi tso dzidzime yi dzidzime. Menya dukɔ si tɔgbi wonye xoxo, hafi woava ɖo anyigba la dzi gɔ̃ hã.” Ale Mose ŋlɔ ha la ƒe nyawo da ɖi, eye wòfia ha la Israelviwo. Ede dzi ƒo na Yosua, Nun ƒe viŋutsu la be, “Sẽ ŋu eye nalé dzi ɖe ƒo elabena wòe akplɔ Israelviwo ayi anyigba si ŋugbe medo na wo la dzi, eye nye ŋutɔ manɔ kpli wò.” Esi Mose wu se siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me ŋɔŋlɔ nu la, eɖe gbe na Levitɔwo, ame siwo kɔa nubablaɖaka si me Se Ewoawo le la be, “Mitsɔ segbalẽ sia da ɖe Yehowa miaƒe Mawu ƒe nubablaɖaka la xa, ne wòanye ŋkuɖodzinu na mi elabena menya miaƒe tosesẽ kple kɔlialiatɔnyenye. Ne egbe si mele mia gbɔ gɔ̃ hã mienye aglãdzelawo ɖe Yehowa ŋu la, aleke gbegbe miaganye aglãdzelawo wu le nye ku megbe? Azɔ la, miyɔ miaƒe ametsitsiwo kple miaƒe towo ƒe kplɔlawo katã ƒo ƒu, ale be mate ŋu aƒo nu na wo, eye mayɔ dziƒo kple anyigba abe ɖasefowo ene ɖe wo ŋu. Menya be le nye ku megbe la, miagblẽ kɔ ɖo na mia ɖokuiwo keŋkeŋ, eye miaɖe asi le Mawu kple eƒe seawo ŋu. Ale le ŋkeke siwo gbɔna me la, dzɔgbevɔ̃e adzɔ ɖe mia dzi, elabena miawɔ nu si Yehowa gblɔ be enye nu vɔ̃, eye miado dɔmedzoe nɛ vevie.” Mose ƒe hadzidzi Le esia megbe la, Mose gblɔ ha sia me nyawo katã na Israelviwo ƒe ha blibo la be: Miɖo to, o, dziƒo kple anyigba! Miɖo to nye nyawo! Nye nyawo adza ɖe mia dzi abe tsi kple zãmu ene, abe tsidzadza ɖe gbe bɔbɔe dzi ene, abe gbafie le togbɛwo ŋu ene. Maɖe gbeƒã Yehowa ƒe gãnyenye ŋutikɔkɔe gã ŋutɔ le eŋu! Eyae nye Agakpe la. Eƒe dɔ de blibo eƒe wɔnawo katã nyo, eye wodze. Mawu wɔa nuteƒe, eye vɔ̃ mele eŋu o. Ke Israel gblẽ: nu vɔ̃ blibae. Meganye Mawu tɔ o. Ezu dukɔ kɔlialiatɔ kple dzidzime gɔglɔ̃. Nu siae nàwɔ ɖe Yehowa ŋua? O! Dukɔ si me abunɛtɔwo le. Ɖe menye Mawue nye fofowò oa? Menye eyae wɔ wò oa? Ɖe meɖo gɔwòme anyi, hena ŋusẽ wò oa? Ɖo ŋku gbe aɖe gbe ʋĩi dzi! Bia fofowòwo kple amegãxoxowo, woagblɔ nya sia nya na wò. Mawu, dziƒoʋĩtɔ la, ma xexea me ɖe dukɔwo dome ena mawudɔla ɖeka dukɔ ɖe sia ɖe be wòanye dzikpɔla nɛ. Ke mena mawudɔla aɖeke Israel o, elabena Israel nye Yehowa ŋutɔ tɔ! Yehowa kpɔ eta le gbedadaƒo afi si gbemelãwo le xɔxlɔ̃m le eɖee tso lã wɔadãwo ƒe asi me abe eƒe ŋkuviwoe wònye ene. Ekeke eƒe aʋala ɖe edzi abe ale si hɔ̃ wɔna na viawo, kɔa wo ɖe eƒe aʋalã dzi, abe ale si Yehowa wɔna na viawo ene! Yehowa ɖeka koe nɔ ekplɔm mawu bubu aɖeke mekpe ɖe eŋu o. Etsɔ tonyigba nyonuwo nɛ kpe ɖe anyigba sɔsɔe nyonuku ŋu ena anyitsii tso agakpe me amii tso kpenyigba me! Ena notsi kple lãe agbotsuwo kple gbɔ̃ damiwo Basantɔwo ƒe agbotsuwo kple gbɔ̃wo, Ena bli doku nyuitɔe Ena wòno wain nyuitɔ. Ke sẽe ko la, Yesurun ɖu nu ɖi ƒo, ɛ̃, ekpɔ lãme, da ami heklã. Tete wògbe nu le eƒe Mawu la gbɔ eɖe asi le eƒe xɔxɔ ƒe Agakpe la ŋu. Edo dɔmedzoe ŋutɔ ɖe woƒe dzromawuwo subɔsubɔ ta; eʋã ŋu ɖe eƒe dukɔ ta. Israel sa vɔ na trɔ̃wo, siwo menye Mawu o mawu siwo womesubɔ kpɔ o, mawu siwo meli tsã o mawu siwo medzi ŋɔ na mia fofowo o. Eɖe kɔ ɖa le Agakpe si wɔe la ŋu ŋlɔ be be Mawue wɔ ye. Yehowa kpɔ nu si wɔm Israel le; elé fu Israel ŋutɔŋutɔ. Via ŋutsuwo kple via nyɔnuwo do vloe. Eye wògblɔ be, “Magblẽ wò ɖi nàkpɔ nu si adzɔ ɖe dziwò ɖa; ènye dzidzime si liaa kɔ Mawudzixɔse mele mewò o. Wona meʋã ŋu woƒe legbawo ŋutɔ, legba siwo menye mawuwo kura o. Nye hã mana woaʋã ŋu dukɔ si menye dukɔ o la. Mana miado dɔmedzoe ɖe dukɔ si mesea nu gɔme o la ŋu. Elabena nye dɔmedzoe do dzo aɖe si bina dea anyigba ƒe tume ke. Ebia anyigba kple eƒe nukuwo katã, eye wòtɔa dzo towo. “Mali ke dzɔgbevɔ̃e ɖe edzi matee kple nye aŋutrɔ aƒu anyi. Mana dɔwuame, ŋudza kple kudɔ nana agbe navɔ le eŋu. Matsrɔ̃e! Madɔ lã wɔadãwo ɖa, woavuvui kple aɖu. Madɔ da aɖivɔ̃ siwo tana la ɖe wo dome kple aɖi siamewo. Futɔwo ƒe yiwo le dua godo, eye ŋɔdzi alé ame le xɔ me. Adzi ŋɔ na ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo, na vi nonowo kple amegãɖeɖiwo. Maka eƒe amewo ahlẽ ale be ame aɖeke magaɖo ŋku wo dzi gɔ̃ hã o. Ke mebu eŋu hekpɔ be, Nye futɔwo aƒo adegbe be, ‘Míawo ŋutɔ ƒe ŋusẽe ɖu Israel dzi; Menye Yehowae wɔ esia o!’ ” Israel nye abunɛdukɔ aɖe bometsitsi ɖe nunya le tagbɔ nɛ. O! Nunyalawo woanye hafi anye ne woase nu gɔme; anye ne woanya nu tso nu si me woɖo tae la ŋu! Aleke wɔ futɔ ɖeka pɛ anya wo dometɔ akpe ɖeka eye futɔ eve ko nanya akpe ewo? Ne menye woƒe Agakpee ɖe asi le wo ŋu, eye Yehowa ŋutɔe tsrɔ̃ wo o? Ke dukɔ bubuawo ƒe agakpe mele abe míaƒe Agakpe la ene o; gbedodoɖa na woƒe mawuwo nye nu dzodzro ko! Woƒe wainkawo nye Sodom wainkawo eye Gomora gblewo me wotso. Woƒe waintsetse nye aɖi, eye wo me tsi vena. Woƒe wainwo nye da ƒe aɖiwo kple ƒli ƒe veve. Ke Israel nye dukɔ tɔxɛ; metre enu abe kpe xɔasiwo ene ɖe nye nudzraɖoƒe. Tɔnyee nye hlɔ̃biabia. Ɣeyiɣi hena nye tohehe eƒe futɔwo ɖo woƒe afɔwo ada; elabena woƒe tsɔtsrɔ̃ɣi ɖo! Yehowa axɔ na eƒe dukɔ, ne ekpɔ be ŋusẽ vɔ le eŋu. Ave ame siwo subɔnɛ la nu ne ekpɔ be wɔna mele wo ŋu o. Ekema Mawu abia be, Afi ka woƒe mawuwo le? Agakpe siwo wobu abe sitsoƒe ene ɖe? Afi ka mawu siwo wosaa vɔ na kple lãmi kple wain le azɔ? Mina mawu siawo natsi tsitre, axɔ na wo! Miekpɔ be nye koe nye Mawu oa? Mewua ame, eye menaa agbe ame. Medea abi ame ŋu, eye mewua abi. Ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre Ɖe nu si mewɔ la ŋu o. Zi ale si wònye nyee Nye Mawu gbagbe la la, Mekɔ asi dzi, ɖe adzɔgbe be manyre nye yi dadzo la, Makpɔ be dzɔdzɔenyenye xɔ aƒe. Mabia hlɔ̃ nye futɔwo ahe to na ame siwo lé fum. Woƒe ʋu atsyɔ le aŋutrɔ ŋu nye yi awu ame siwo katã tso ɖe ŋunye. Nyemakpɔ nublanui na ame siwo wɔa aʋa kplim o; abixɔlawo kple gamenɔlawo gɔ̃ hã aku. Dukɔwo, mikafu Yehowa ƒe amewo, ehea to na eƒe amewo wulawo; ebiaa hlɔ̃ eƒe futɔwo etsɔa nu vɔ̃ kea eƒe amewo. Mose kple Yosua, Nun ƒe viŋutsu la, gblɔ ha sia me nyawo ale be Israelviwo nate ŋu ase wo. Esi Mose wu Mawu ƒe seawo fiafia Israel dukɔ blibo la nu vɔ la, egblɔ na wo be, “Mide ŋugble le se siwo katã mede na mi egbe la ŋuti, eye miade wo asi na mia viwo. Se siawo menye nya ƒuƒluwo ko o. Woawoe nye miaƒe agbe! Ne miewɔ ɖe se siawo dzi la, mianɔ agbe didi, eye nuwo adze edzi na mi nyuie le anyigba si xɔ ge mieyina le Yɔdan tɔsisi la godo la dzi.” Mose ku ɖe Nebo to dzi Yehowa gblɔ na Mose gbe ma gbe ke be, “Yi Nebo to la dzi le Abarim towo dome le Moabnyigba dzi le Yeriko kasa. Yi to la tame ke, eye nàkpɔ Kanaanyigba la, anyigba si mele tsɔtsɔm na Israelviwo la ɖa. Ne èkpɔ anyigba la ɖa la, ele na wò be nàku, eye nàyi tɔgbuiwòwo gbɔ abe ale si nɔviwò Aron ku le Hor to la dzi, eye wòyi tɔgbuiawo gbɔe ene, esi nèklo bubu le ŋunye le Israelviwo dome le Meriba Kades le Zin gbedzi la ta. Àkpɔ anyigba si mele tsɔtsɔm na Israelviwo la ɖa tso adzɔge, gake màde anyigba la dzi o.” Mose yra Israel ƒe toawo Esiawoe nye nya siwo Mose, Mawu ƒe ame la tsɔ yra Israelviwo hafi ku: “Yehowa va mía gbɔ le Sinai to la gbɔ; eɖiɖi ɖe mía dzi tso Seir to la dzi. Eklẽ tso Paran to la dzi ame kɔkɔe akpe nanewo ƒo xlãe, dzo bibi nɔ eƒe nuɖusime. Elɔ̃ eƒe amewo ŋutɔ eƒe ame kɔkɔewo le eƒe asi me wole wò afɔtoƒe tom woxɔ woƒe ɖoɖowo tso gbɔwò. Wò se siwo mede na wo la, esiwo nye Yakob ha la ƒe domenyinu. Yehowa zu fia le Yesurun esime Israel ƒe towo kpe ta. “Ruben anɔ agbe tegbee eƒe dzidzimeviwo asɔ gbɔ!” Eye Mose gblɔ tso Yuda ŋu be: “O! Yehowa, se Yuda ƒe kokoƒoƒo, na wòawɔ ɖeka kple Israel wɔ aʋa kple eƒe futɔwo nɛ.” Mose gblɔ tso Levi ƒe viwo ŋu be: “Tsɔ wò Urim kple Tumim na wò ame kɔkɔe Levi. Èdo Levi kpɔ le Masa; nèwɔ dzre kplii le Meriba tsia gbɔ. Ewɔ wò ɖoɖowo dzi, ewu nu vɔ̃ wɔla geɖewo, eya ŋutɔ ƒe viwo, nɔviŋutsuwo, fofowo kple dadawo gɔ̃ hã. Levitɔwo afia Mose ƒe seawo Israel woasubɔ wò le dzudzɔdovɔsamlekpui kple numevɔsamlekpui la dzi. O! Yehowa, yra Levitɔwo kpɔ ŋudzedze le woƒe dɔ siwo wowɔna na wò la ŋu. Fiti woƒe futɔwo gbidigbidi na womagafɔ gbeɖe o.” Mose gblɔ tso Benyamin ŋu be, “Yehowa ƒe lɔlɔ̃tɔe wònye ele dedie le egbɔ Yehowa tsɔ ametakpɔkpɔ ƒo xlãe, ɖenɛ tso dzɔgbevɔ̃e ɖe sia ɖe me.” Mose gblɔ tso Yosef ƒe to la ŋu be, “Yehowa nayra eƒe anyigba kple nunana nyuitɔwo tso dziƒo kple esiwo tso anyigba ƒe tume. Yehowa nayrae kple nuku nyuitɔwo tso esiwo ɣe nana wotsina la dome wòana nuwoe fũu ɣleti sia ɣleti nuku siwo wɔna nyuie le towo dzi kple esiwo wɔna nyuie le togbɛwo dzi, Yehowa nayrae kple nunana nyuitɔwo kple anyigbadzinu geɖewo, kpakple Mawu, ame si ɖe eɖokui fia le ŋuve ƒe bibi me la ƒe amenuveve. Yayra siawo katã nava Yosef dzi. Ame si nye fiavi le nɔviawo dome. Ele abe nyitsuvi ene Le ŋusẽ kple ɖekadzedze me. Eto dzo abe to ƒe dzowo ene; Wòawo wòatsɔ tu dukɔwo aƒu anyi le afi sia afi. Esiae nye nye yayra na Efraim ƒe ame akpe nanewo kple Manase tɔ akpe akpewo.” Mose gblɔ tso Zebulon ŋu be, “O! Zebulon, tso aseye le wò gododo ŋuti, eye Isaka, kpɔ dzidzɔ wò ame si lɔ̃a agbadɔmenɔnɔ. Woawoe akpe amewo be woaɖu yewoƒe vɔsanuwo kple yewo. Kpɔ ɖa, woaɖu atsiaƒumenu nyuiwo kple nu nyuitɔwo tso anyigba me.” Mose gblɔ tso Gad ŋu be, “Woayra Gad ƒe kpeɖeŋutɔwo, Gad tsyɔ akɔ anyi abe dzata ene be yeavuvu abɔ kple ta. Wotsɔ anyigba ƒe nyuiƒewo na wo ɖokuiwo; wotsɔ kplɔla ƒe ɖuƒewo na wo. Wowɔ Yehowa ƒe sewo kple ɖoɖowo dzi.” Mose gblɔ tso Dan ŋu be, “Dan le abe dzatavi si le kpo tim tso Basan ene.” Egblɔ tso Naftali ŋu be: “O! Naftali, Yehowa yra wò ŋutɔ. Wò anyigba ɖo anyigbeme tso Galilea ƒu la nu.” Mose gblɔ tso Asar ŋu be: “Woayra Aser wu to bubuawo katã; wokpɔ ŋudzedze le eŋu wu nɔviawo, amiti geɖewo amie na wò. Woatsɔ gayibɔ kple akɔbli atu wò du ƒe agbowoe àkpɔ ŋusẽ le wò ŋkekewo katã me! Ame aɖeke mede Yehowa, Yesurun ƒe Mawu la nu o. Eɖiɖina tso dziƒo Le fianyenye kple ŋutikɔkɔe me be yeaxɔ na wò. Mawu mavɔ lae nye wò sitsoƒe, eƒe abɔ mavɔ la le anyigba te. Enyaa wò futɔwo ɖa le ŋgɔwò eyae gblɔ na mi be, ‘Mitsrɔ̃ wo!’ Ale Israel nɔa anyi dedie; le anyigba si dzi bli kple wain bɔ ɖo, eye tsi dzana tso dziƒo ɖo. Woayra wò, Israel, ŋutɔŋutɔ! Ame bubu kae gakpɔ ɖeɖe tso Yehowa gbɔ? Wò akpoxɔnu kple kpeɖeŋutɔe! Eyae nye wò yi ɖaɖɛ la. Wò futɔwo ade ta agu le ŋgɔwò eye nànya avuzi le wo dzi!” Mose ƒe ku kple eɖiɖi Mose lia Nebo to la tso Moab tagba la le Yeriko kasa, eye wòyi Pisga to la tame. Yehowa na wòkpɔ Ŋugbedodonyigba la tso afi ma, tso Gilead va se ɖe Dan. Yehowa gblɔ na Mose be, “Kpɔ Naftali, Efraim kple Manase ɖa le afii; kpɔ Yuda ɖa, ekeke tso afi mɛ yi ɖatɔ Domeƒu la. Kpɔ Negeb kple Yɔdan ƒe balime kple Yeriko, du si me detiwo bɔ ɖo kple Zoar ɖa. “Esiae nye ŋugbedodonyigba la. Medo ŋugbe na Abraham, Isak kple Yakob be matsɔe ana woƒe dzidzimeviwo. Azɔ la, èkpɔe, gake maɖo afɔ edzi o.” Ale Mose, Yehowa ƒe dɔla la ku le Moabnyigba dzi abe ale si Yehowa gblɔe do ŋgɔ ene. Yehowa ɖii ɖe Moabnyigba dzi, le balime si dze ŋgɔ Bet Peor, gake va se ɖe egbe la, ame aɖeke menya afi si yɔdo la le o. Mose xɔ ƒe alafa ɖeka kple blaeve hafi ku, gake eƒe ŋkuwo gakpɔa nu nyuie, eye ŋusẽ nɔ eŋu. Israelviwo fae ŋkeke blaetɔ̃ le Moab tagba la va se ɖe esime funyiŋkekeawo wu nu. Nunya ƒe gbɔgbɔ yɔ Yosua, Nun ƒe viŋutsu me, elabena Mose da eƒe asiwo ɖe edzi, eya ta Israelviwo ɖo toe, eye wowɔ ɖe se siwo katã Yehowa de na wo to Mose dzi la dzi. Ke tso ɣe ma ɣi la, nyagblɔɖila aɖeke meganɔ anyi kpɔ le Israel abe Mose ene o, elabena Yehowa ƒo nu kplii ŋkume kple ŋkume, eye wòwɔ dzesi kple nukunu siwo katã Yehowa ɖoe ɖa be wòawɔ le Egiptenyigba dzi na Farao, na eƒe subɔlawo katã kple dukɔ blibo la, elabena ame aɖeke meɖe ŋusẽ triakɔ sia fia alo wɔ nu dziŋɔ siwo Mose wɔ le Israel blibo la ŋkume kpɔ o.