- Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020
Daniel
Daniel ƒe agbalẽ
Daniel
Dan
Daniel
ƒe agbalẽ
Daniel xɔ hehe le Babilonia
Le Yuda fia Yehoyakim ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la, Babilonia fia Nebukadnezar va Yerusalem, eye wòɖe to ɖee. Aƒetɔ la tsɔ Yehoyakim, Yuda fia de asi nɛ kple nanewo tso Mawu ƒe gbedoxɔ me. Etsɔ nu siawo yi eƒe mawu ƒe gbedoxɔ me le Babilonia, eye wòda wo ɖe eƒe mawu ƒe nudzraɖoƒe.
Fia la ɖe gbe na Aspenaz, aƒedzikpɔlawo ƒe amegã be wòatia Israelviwo dometɔ aɖewo tso fia la kple bubumewo ƒe ƒomewo me, ɖekakpui siwo menye nuwɔamitɔwo le go aɖeke me o, wodze ɖeka, woɖi ame siwo dina be yewoasrɔ̃ nu tso nu sia nu ŋu, wonya nu, sea nu gɔme kabakaba eye wodze na dɔwɔwɔ le fiasã la me. Ele nɛ be wòafia Babiloniatɔwo ƒe gbegbɔgblɔ kple nuŋɔŋlɔ wo. Fia la naa woƒe gbe sia gbe ƒe nuɖuɖu kple wain wo tso fia la ƒe kplɔ̃ dzi. Woahe wo ƒe etɔ̃ eye le ɣeyiɣi sia megbe la, woazu fia la ƒe subɔlawo.
Ame siawo dometɔ aɖewo nye Yudatɔwo. Woawoe nye Daniel, Hananiya, Misael kple Azaria. Amegã la tsɔ ŋkɔ yeye na wo: Daniel ƒe ŋkɔ yeyeae nye Beltesazar, Hananiya tɔe nye Sadrak, Misael tɔe nye Mesak, eye Azaria tɔe nye Abednego.
Ke Daniel ɖo ta me be yemagblẽ kɔ ɖo na ye ɖokui kple fia la ƒe nuɖuɖu kple wain o, eye wòbia mɔ eƒe dzikpɔla be yemagblẽ kɔ ɖo na ye ɖokui to mɔ sia dzi o. Azɔ la, Mawu na be dzikpɔla la nave enu eye wòakpɔ nublanui nɛ. Ke dzikpɔla la gblɔ na Daniel be, “Mele vɔvɔ̃m na nye aƒetɔ kple fia la, ame si ɖo wò nuɖuɖu kple nunono nam. Nu ka ta wòakpɔ wò, wò lãme manyo abe wò hati ɖekakpui bubuawo tɔ ene o? Ekema fia la axɔ nye ta ɖe tawò.”
Daniel gblɔ na ameŋudzɔla si dzikpɔla la tia be wòadzɔ Daniel, Hananiya, Misael kple Azaria ŋu la be, “Meɖe kuku do wò dɔlawo kpɔ ŋkeke ewo. Mègana nu bubu aɖeke mí wu amagbe si míaɖu kple tsi si míano o. Ekema nàtsɔ míaƒe dzedzeme asɔ kple ɖekakpui siwo ɖua fia la ƒe nuɖuɖu eye nàwɔ na mí ɖe nu si nàkpɔ la nu.” Ale wòlɔ̃ eye wòdo wo kpɔ ŋkeke ewo.
Le ŋkeke ewo megbe la, Yuda ɖekakpuiawo dze lãmesesẽtɔwo kple ame siwo ɖu nu nyuiwo wu ame siwo ɖu fia la ƒe nuɖuɖu. Ale ameŋudzɔla la ɖe nuɖuɖu nyui si woaɖu kple wain si woano la ɖa eye wòtsɔa amagbewo na wo ɖe wo teƒe.
Mawu na nunya kple gɔmesese ɖekakpui ene siawo tso nuŋlɔɖi kple nunya ƒe alɔdze ɖe sia ɖe ŋu. Ke Daniel ya tea ŋu sea ŋutegawo kple drɔ̃e ɖe sia ɖe ƒomevi gɔme.
Le ɣeyiɣi si fia la ɖo be woakplɔ wo vɛ na ye ƒe nuwuwu la, aƒedzikpɔlawo ƒe amegã la kplɔ wo yi na Nebukadnezar. Fia la ƒo nu kpli wo eye wòkpɔ be, ame bubuawo dometɔ aɖeke mede Daniel, Hananiya, Misael kple Azaria nu o, ale woxɔ wo wodze dɔwɔwɔ na fia la gɔme. Le nunya kple gɔmesese ƒe nya ɖe sia ɖe gome, esi ŋu fia la abia nya wo le la, ekpɔna be wonyo zi ewo wu yeƒe fiaɖuƒea me tɔwo ƒe akunyawɔlawo kple bokɔwo katã.
Daniel nɔ afi ma va se ɖe fia Sirus ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me.
Nebukadnezar ƒe drɔ̃e
Le Nebukadnezar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe evelia me la, Nebukadnezar ku drɔ̃ewo, eƒe susu ɖe fu nɛ eye megatea ŋu dɔa alɔ̃ o. Ale fia la yɔ dzotɔwo, bokɔwo, gbesalawo kple ɣletivimenunyalawo ƒo ƒu be woalĩ drɔ̃e siwo yeku la na ye. Esi wova tsi tsitre ɖe eŋkume la, egblɔ na wo be, “Meku drɔ̃e aɖe si le fu ɖem nam eye medi be mase egɔme.”
Tete ɣletivimenunyalawo gblɔ nɛ le Aramgbe me be, “O fia, nɔ agbe tegbee. Lĩ drɔ̃e la na wò subɔlawo, eye míaɖe egɔme.”
Fia la ɖo eŋu na ɣletivimenunyalawo be, “Nu si meɖo ta me kplikpaa be mawɔe nye, ne mielĩ drɔ̃e la nam eye mieɖe egɔme nam o la, mana woafli mi kakɛkakɛ eye miaƒe aƒewo azu aɖukpo. Ke ne mielĩ drɔ̃e la eye mieɖe egɔme nam la, ekema miaxɔ nunanawo kple fetuwo kple bubudeameŋu gã aɖe tso gbɔnye.”
Wogagblɔ be, “Fia la nelĩ drɔ̃e la na eƒe dɔlawo eye míaɖe egɔme.”
Tete fia la ɖo eŋu be, “Meka ɖe edzi be ɣeyiɣi ko dim miele elabena mienya ta me si meɖo kplikpaa. Ne mielĩ drɔ̃e la nam o la, tohehe ɖeka pɛ koe li na mi. Mieɖo ta me ɖeka be yewoagblɔ nya tramawo kple nya tso nu vɔ̃ɖiwo ŋuti kple mɔkpɔkpɔ be nuwo atrɔ, eya ta azɔ la, milĩ drɔ̃e la nam, ekema manya be miate ŋu aɖe egɔme nam.”
Ɣletivimenunyalawo ɖo eŋu na fia la be, “Ame aɖeke mele anyigba dzi si ate ŋu awɔ nu si fia la bia o! Nenema ke fia gã, ŋusẽtɔ aɖeke meli si bia nu sia tso eƒe dzotɔwo, bokɔwo kple ɣletivimenunyalawo si kpɔ o. Nu si fia la bia la sẽ akpa. Ame aɖeke mate ŋu aɖee afia fia la o, negbe mawuwo ko, gake womenɔa amewo dome o.”
Nu sia do dɔmedzoe na fia la ale gbegbe be wòɖe gbe be woawu Babilonia nunyalawo katã. Ale wòde se be woawu nunyalawo katã, eye wòɖo amewo ɖa be woadi Daniel kple etɔawo hã ne woawu wo.
Esime Ariɔk, fiaŋusrafowo ƒe amegã yi be yeawu Babilonia nunyalawo la, Daniel ƒo nu kplii kple nunya kple ayedzedze. Ebia amegã la be, “Nu ka ta fia la de se sesẽ sia ɖo?” Tete Ariɔk ɖe nya la me na Daniel. Tete Daniel yi fia la gbɔ eye wòbia be wòana ɣeyiɣi ye be yeaɖe drɔ̃e la gɔme nɛ.
Daniel trɔ yi eƒe aƒe me eye woɖe nya la me na xɔlɔ̃awo: Hananiya, Misael kple Azaria. Edo ŋusẽ xɔlɔ̃awo be woaɖe kuku na Mawu si le dziƒo be wòakpɔ nublanui na yewo le nya ɣaɣla sia ŋu ale be womawu ye kple ye xɔlɔ̃wo kpe ɖe Babilonia nunyala bubuawo ŋu o. Le zã me la, Mawu ɖe nya ɣaɣla sia fia Daniel le ŋutega me. Ale Daniel kafu dziƒo ƒe Mawu la hegblɔ be,
“Woakafu Mawu ƒe ŋkɔ
Tso mavɔ me yi mavɔ me.
Nunya kple ŋusẽ nye etɔ.
Eyae ɖɔa li ɣeyiɣiwo kple azãgbewo
Eyae ɖoa fiawo eye wòtua fiawo.
Eyae naa nunya nunyalawo
Eye wònaa gɔmesese nugɔmeselawo
Eyae ɖea nu detowo kple nu ɣaɣlawo fiana
Enyaa nu si ɣla ɖe viviti me
Eye kekeli nɔa eŋu.
Meda akpe na wò eye mekafu wò
O, fofonyewo ƒe Mawu.
Ètsɔ nunya kple ŋusẽ nam
Èna menya nu tso nu si míebia wò ŋu
Èna míenya fia la ƒe drɔ̃e la.”
Daniel ɖe drɔ̃e la gɔme
Tete Daniel yi Ariɔk, ame si fia la ɖo na be wòawu Babilonia nunyalawo katã la gbɔ eye wògblɔ nɛ be, “Mègawu Babilonia nunyalawo o. Kplɔm yi fia la gbɔ eye maɖe eƒe drɔ̃e la gɔme nɛ.”
Ariɔk kplɔ Daniel yi fia la gbɔ enumake, eye wògblɔ nɛ be, “Mekpɔ ame aɖe le aboyo me si tso Yudatɔwo dome, ame si ate ŋu aɖe drɔ̃e la gɔme na fia la!”
Fia la bia Daniel (ame si wogayɔna be Beltesazar la) be, “Àte ŋu agblɔ nu si mekpɔ le nye drɔ̃e la me nam eye nàɖe egɔmea?”
Daniel ɖo eŋu be, “Nunyala alo bokɔ, dzotɔ alo ɣletivimenunyala aɖeke mate ŋu aɖe nya ɣaɣla si gɔme nèbia be woaɖe na ye la gɔme o gake Mawu aɖe le dziƒo, ame si ɖea nu ɣaɣlawo fiana. Eɖe nu si ava dzɔ le ŋkeke siwo gbɔna la me fia Fia Nebukadnezar. Wò drɔ̃e kple ŋutega siwo to wò susu me esi nèmlɔ wò aba dzi la le ale:
“Esi nèmlɔ anyi la, O fia, wò susu trɔ ɖe nu siwo ava dzɔ la ŋu eye ame si ɖea nya ɣaɣlawo fiam la ɖe nu siwo ava dzɔ la fia wò. Le nye gome la, woɖe nya ɣaɣla sia fiam, menye esi nunya le asinye wu ame bubu siwo le agbe la ta o, ke boŋ be wò, O fia, nànya gɔmeɖeɖe la eye be nàse nu si to wò susu me la gɔme.
“Èɖo ŋku anyi, O fia eye nèkpɔ legba gã aɖe, elolo nɔ dzo dam eye eƒe dzedzeme dzi ŋɔ. Wowɔ legba la ƒe ta kple sika nyuitɔ, wowɔ eƒe akɔta kple abɔwo kple klosalo, wowɔ eƒe ƒodo kple atawo kple akɔbli, wowɔ eƒe afɔwo kple gayibɔ eye wowɔ eƒe afɔwo ƒe akpa aɖewo kple gayibɔ, akpa aɖewo kple tsu. Esi nènɔ ŋku lém ɖe nuwo ŋu la, wolã agakpe aɖe me, ke menye kple amegbetɔ ƒe asi o. Ege va dze legba la ƒe afɔ siwo wowɔ kple gayibɔ kple tsu la dzi eye wògbã wo gudugudu. Tete gayibɔ la, tsu la, akɔbli la, klosalo la kple sika la gbã gudugudu le ɣeyiɣi ɖeka ma me eye wozu abe tsro le lugbɔƒe le dzomeŋɔli ene. Ya ƒo wo dzoe eye wo teƒe megadze o. Ke kpe si dze legba la, trɔ zu to gã aɖe eye wòxɔ anyigba blibo la dzi.
“Drɔ̃e lae nye si. Azɔ la míaɖe egɔme na fia la. O fia, wòe nye fiawo dzi fia la. Mawu si le dziƒo la tsɔ dziɖuɖu kple ŋusẽ kpakple bubu, amegbetɔwo, gbemelãwo kple dziƒoxeviwo de asiwò me. Afi sia afi si wole la, Mawu na nènye wo katã dzi ɖula. Wòe nye ta ma si nye sika.
“Fiaɖuƒe bubu aɖe, si made tɔwò nu o la, ava ɖe tɔwò yome. Emegbe la, fiaɖuƒe etɔ̃lia si nye akɔblitɔ la aɖu anyigba katã dzi. Le nuwuwu la, fiaɖuƒe enelia ava, si asẽ abe gayibɔ ene elabena gayibɔ gbãa nu sia nu eye abe ale si gayibɔ gbãa nu sia nu gudugudu ene la, nenemae wòagbã fiaɖuƒe bubuawoe. Abe ale si nèkpɔe be wowɔ afɔwo kple afɔbidɛwo ƒe akpa aɖewo kple tsu kple gayibɔ ene la, nenemae fiaɖuƒe sia amae, ke gayibɔ ƒe ŋusẽ aɖe anɔ eme abe ale si nèkpɔ wotsaka gayibɔ kple tsu ene. Ale fiaɖuƒe la ƒe akpa aɖe asẽ eye akpa aɖe masẽ o. Abe ale si wowɔ afɔbidɛawo ƒe akpa aɖe kple gayibɔ eye wowɔ akpa aɖe kple tsu ene la, nenemae fiaɖuƒe sia ƒe akpa aɖe asẽ ŋu eye akpa aɖe masẽ ŋu o. Eye abe ale si nèkpɔ wotsaka gayibɔ kple tsu ene la, nenema ameawo amae eye womawɔ ɖeka o, abe gayibɔ kple tsu ene.
“Le fia mawo ƒe ɣeyiɣiwo me la, Mawu si le dziƒo la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi si magbã akpɔ gbeɖe o eye womagblẽe ɖi na ame bubuwo o. Agbã fiaɖuƒe mawo katã eye wòahe woƒe nuwuwu vɛ, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee. Esiae nye ŋutega tso agakpe si tso toa me la ƒe gɔmeɖeɖe, ke menye kple amegbetɔ ƒe asi o, enye agakpe si gbã gayibɔ la, akɔbli la, tsu la, klosalo la kple sika la gudugudu.
“Mawu gã la ɖe nu si ava dzɔ la fia fia la. Drɔ̃e la nye nyateƒe eye woaka ɖe eƒe gɔmeɖeɖe dzi.”
Tete Nebukadnezar tsyɔ mo anyi hede ta agu na Daniel eye wòɖe gbe be woasa vɔ eye woado dzudzɔ ʋeʋĩ na Daniel. Fia la gblɔ na Daniel be, “Nyateƒee, miaƒe Mawu la nye mawuwo dzi Mawu kple fiawo ƒe Aƒetɔ kple ame si ɖea nya ɣaɣlawo fiana elabena ète ŋu ɖe nya ɣaɣla la fia.”
Tete fia la tsɔ Daniel da ɖe ɖoƒe kɔkɔ aɖe eye wòtsɔ nunana geɖewo nɛ. Etsɔe ɖo Babilonia nuto la katã me nu, eye wòna wòzu Babilonia nunyalawo katã ƒe tatɔ. Hekpe ɖe esia ŋu la, le Daniel ƒe kokoƒoƒo nu la, ewɔ Sadrak, Mesak kple Abednego Babilonianyigba la ƒe dziɖuɖudɔwo dzi kpɔlawoe. Ke Daniel ŋutɔ nɔ fia la ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe.
Sikalegba la kple kpodzo la
Fia Nebukadnezar wɔ sikalegba aɖe wòkɔ afɔ blaasiekɛ, eye wòkeke afɔ asiekɛ. Ekɔe da ɖe Dura gbegbe le Babilonianyigba dzi. Esia megbe la, eyɔ amegãwo, anyigba la dzi ɖulawo, mɔmefiawo, gadzikpɔlawo, ʋɔnudrɔ̃lawo, sefialawo kple nutomedzikpɔlawo be woava kpɔ legba si yeli la ŋuti kɔkɔ teƒe. Ale amegãwo, dziɖulawo, aɖaŋudelawo gadzikpɔlawo, ʋɔnudrɔ̃lawo, sefialawo kple nutomedzikpɔlawo va ƒo ƒu hena legba si Fia Nebukadnezar li la ŋuti kɔkɔ teƒe kpɔkpɔ, eye wotsi tsitre ɖe eŋgɔ.
Tete gbeƒãɖela do ɣli sesĩe gblɔ be, “Nu si wode se be miawɔe nye esi: O amewo, dukɔwo kple gbe ɖe sia ɖe gblɔlawo, ne mienya se lãdzowo, dzewo, gakasaŋkuwo, saŋkuwo, evenɔwo ƒe dzewo kple saŋku ƒomevi vovovowo ƒe ɖiɖi ko la, ele be miamlɔ anyi eye miade ta agu na sikalegba si Fia Nebukadnezar li. Ame sia ame si mamlɔ anyi eye wòade ta agu o la, woadae ɖe kpodzo bibi la me enumake.”
Eya ta ne amewo nya se lãdzowo, dzewo, gakasaŋkuwo, saŋkuwo, evenɔwo ƒe dzewo kple saŋku ƒomevi vovovowo ƒe ɖiɖi ko la, amewo katã, dukɔwo me tɔwo kple gbe ɖe sia ɖe gblɔlawo mlɔa anyi eye wodea ta agu na sikalegba si Fia Nebukadnezar li.
Le ɣeyiɣi sia me la, ɣletivimenunyala aɖewo va tso Yudatɔwo nu. Wogblɔ na Fia Nebukadnezar be, “O fia, nɔ agbe tegbee. Ède se, O fia, be ne ame sia ame se lãdzowo, dzewo, gakasaŋkuwo, saŋkuwo, evenɔwo ƒe dzewo kple saŋku ƒomevi vovovowo ƒe ɖiɖi la, ele nɛ be wòamlɔ anyi ade ta agu na sikalegba la eye ame sia ame si mamlɔ anyi ade ta agu o la, woadae ɖe kpodzo si me dzo le bibim le la me. Ke Yudatɔ aɖewo li, ame siwo nètsɔ ɖo dziɖuɖu ƒe nyawo nu le Babilonia siwo nye Sadrak, Mesak kple Abednego, ame siwo metsɔa ɖeke le eme na wò o. O fia, womesubɔa wò mawuwo o, eye womedea ta agu na sikalegba si nèli la o.”
Nebukadnezar do dɔmedzoe ŋutɔ eye wòɖo du ɖe Sadrak, Mesak kple Abednego. Ale wokplɔ ame siawo va fia la ŋkume. Fia la bia wo be, “Nyateƒe wònye, Sadrak, Mesak kple Abednego, be miesubɔa nye mawuwo o eye miedea ta agu na sikalegba si meli la o mahã? Azɔ la, ne miese lãdzokpẽwo, gakasaŋkuwo, kasaŋkuwo, saŋkuwo, evenɔwo ƒe kpẽwo kple hadzidzi ƒomevi ɖe sia ɖe ƒe ɖiɖi eye miele klalo be yeawoatsyɔ mo anyi ade ta agu na sikalegba si meli la, ekema anyo ŋutɔ gake ne miede ta agu nɛ o la, woada mi ɖe kpodzo bibi la me enumake. Ekema mawu ka ate ŋu aɖe mi tso nye asi me?”
Sadrak, Mesak kple Abednego ɖo eŋu na fia la be, “O fia, mehiã be míaʋli mía ɖokuiwo ta le wò ŋkume le nya sia me o. Ne woda mí ɖo ɖe kpodzoa me la, Mawu si míesubɔna la ate ŋu aɖe mí tso eme eye wòaɖe mí tso wò asi me, O fia. Ke ne maɖe mí o hã la, míedi be nànya, O fia, be míasubɔ wò mawuwo loo alo ade ta agu na sikalegba si nèli la o.”
Tete Nebukadnezar do dɔmedzoe vevie ɖe Sadrak, Mesak kple Abednego ŋu eye eƒe nɔnɔme ɖe wo ŋu trɔ. Eɖe gbe be woado dzo ɖe kpodzo la me wòaxɔ dzo zi adre wu ale si wòxɔa dzoe tsã. Eɖe gbe na eƒe asrafo sesẽtɔwo le eƒe aʋakɔ me be woabla Sadrak, Mesak kple Abednego eye woada wo ɖe kpodzo la me. Ale ame siawo, ame siwo do awu ʋlayawo, tablanuwo kple awu bubuwo la, wobla wo eye wokɔ wo ƒu gbe ɖo ɖe kpodzo si xɔ dzo ŋutɔŋutɔ la me. Fia la ƒe gbeɖeɖe nu sẽ, eye dzokpo la hã ƒe dzoxɔxɔ nu sẽ ale gbegbe be dzo la ƒe aɖewo wu asrafo siwo kɔ Sadrak, Mesak kple Abednego ƒu gbe ɖe kpodzo la me. Ke ame etɔ̃ siawo, ame siwo wobla sesĩe la, ge dze dzo bibi la me.
Tete Fia Nebukadnezar ƒe nu ku. Etso kpla eye wòbia eƒe aɖaŋudelawo be, “Menye ame etɔ̃e nɔ afi ma, ame siwo míebla tsɔ ƒu gbe do ɖe kpodzoa me oa?”
Woɖo eŋu be, “Nenemae, O fia.”
Fia la gblɔ be, “Mikpɔ ɖa! Mekpɔ ame ene, wole tsa ɖim le dzo la me; womebla wo o, nuvevi aɖeke mewɔ wo hã o eye ame enelia ɖi mawuwo ƒe viŋutsuvi aɖe.”
Tete Fia Nebukadnezar te ɖe kpodzo la ƒe ʋɔtru ŋu, eye wòdo ɣli be, “Sadrak, Mesak kple Abednego, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe subɔlawo, mido go. Miva afi sia!”
Ale Sadrak, Mesak kple Abednego do go le kpodzo la me eye amegãwo, anyigbadzinunɔlawo, aʋafiawo kple aɖaŋudelawo va ƒo xlã wo. Wokpɔ be dzo la mewɔ nuvevi aɖeke woƒe ŋutilã o, dzo la mefia woƒe taɖa ɖeka pɛ hã loo alo woƒe awuwo o. Gawu la, dzo la ƒe ʋeʋẽ menɔ wo dometɔ aɖeke ŋu o.
Tete Nebukadnezar gblɔ be, “Woakafu Sadrak, Mesak kple Abednego ƒe Mawu, ame si ɖo eƒe mawudɔla ɖa eye wòɖe eƒe dɔlawo! Woxɔ edzi se eye wogbe fia la ƒe se dzi wɔwɔ, wolɔ̃ be yewoatsɔ yewoƒe agbewo ana wu be yewoasubɔ alo ade ta agu na mawu bubu negbe woawo ŋutɔ ƒe Mawu ko eya ta mele se dem be dukɔ sia dukɔ me tɔ alo gbe aɖe gblɔla si agblɔ nya vɔ̃ aɖe ɖe Sadrak, Mesak kple Abednego ƒe Mawu ŋu la, woaflii kakɛkakɛ eye woana eƒe aƒe nazu aɖukpo elabena mawu bubu aɖeke mate ŋu aɖe ame le mɔ sia nu o.”
Tete fia la do Sadrak, Mesak kple Abednego ɖe ŋgɔ le Babilonia nutoa me.
Nebukadnezar ku drɔ̃e tso ati aɖe ŋu
Gbedeasi tso Fia Nebukadnezar,
Gbɔ na amewo, dukɔwo kple gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me tɔwo le xexea me katã.
Eme nenyo na mi katã!
Enye dzidzɔ nam be maɖi ɖase na mi tso dzesi wɔnuku kple nukunu siwo Mawu, Dziƒoʋĩtɔ la wɔ nam la ŋuti.
Eƒe dzesiwo lolo ŋutɔ,
eye eƒe nukunuwo tri akɔ ŋutɔŋutɔ.
Eƒe Fiaɖuƒe nye fiaɖuƒe mavɔ
eye eƒe dziɖuɖu li tso dzidzime yi dzidzime.
Nye, Nebukadnezar, menɔ aƒe me le fiasã la me; meɖe dzi ɖi bɔkɔɔ eye nuwo dze edzi nam. Meku drɔ̃e aɖe si na vɔvɔ̃ ɖom. Esi memlɔ nye aba dzi la, ɖeɖefia kple ŋutega siwo va to nye susu me la do ŋɔdzi nam. Ale meɖe gbe be woakplɔ nunyala siwo katã le Babilonia la vɛ be woaɖe drɔ̃e la gɔme nam. Esime akunyawɔlawo, dzosalawo, ɣletivimenunyalawo kple bokɔwo va la, melĩ drɔ̃e la na wo, ke womete ŋu ɖe egɔme nam o. Mlɔeba la, Daniel do ɖe nye ŋkume eye melĩ drɔ̃e la nɛ. Wotsɔ nye mawu ƒe ŋkɔ nɛ be, Beltesazar eye mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le eme.
Megblɔ be, “Beltesazar, akunyawɔlawo ƒe fia, menya be mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le mewò eye nya ɣaɣla aɖeke mesesẽ akpa na wò o. Nye drɔ̃e lae nye esi, ɖe egɔme nam. Esiawoe nye ŋutega siwo mekpɔ esi memlɔ nye aba dzi. Mekpɔ ati aɖe le nye ŋkume le anyigba la titina. Ekɔ ŋutɔ. Ati la tsi, lolo, sẽ eye eƒe tame tɔ dziŋgɔli. Eƒe aŋugbawo nya kpɔ ŋutɔ, eƒe kutsetsewo sɔ gbɔ ŋutɔŋutɔ eye nuɖuɖu le edzi na ame sia ame. Dziƒoxeviwo nɔ eƒe alɔwo dzi. Nu gbagbe ɖe sia ɖe kpɔa nuɖuɖu tsoa egbɔ.
“Le ŋutega siwo mekpɔ esi memlɔ nye aba dzi me la, mekpɔ nu, eye nye dɔla aɖe tsi tsitre ɖe nye ŋkume. Enye ame kɔkɔe aɖe si ɖi tso dziƒo. Edo ɣli kple gbe sesẽ aɖe be, ‘Tso ati la ƒu anyi, lã eƒe ɖɔwo ɖa eye nàkaka eƒe kutsetsewo ahlẽ. Na gbemelãwo nasi le ete eye nàna dziƒoxeviwo nadzo adzo le eƒe alɔwo dzi. Ke na eƒe takpo la kple eƒe kewo nanɔ babla kple gayibɔ kple akɔbli eye wòanɔ tome le gbe siwo le gbedzi la dome.
“ ‘Na dziƒozãmu naƒoe eye nàna wòanɔ agbe kple lãwo le anyigba la ƒe nu miemiewo dome. Na woatrɔ eƒe amegbetɔ ƒe susu wòazu gbemelã tɔ va se ɖe esime ƒe adre nava yi.
“ ‘Dɔla kɔkɔewo ɖe gbeƒã nyametsotso sia ale be ame nɔagbewo nanya be Dziƒoʋĩtɔ lae nye fia ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo katã dzi eye wòtsɔa wo katã naa ame sia ame si wòlɔ̃ eye wòtsɔa ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo la ɖoa wo nu.’
“Esia nye drɔ̃e si nye Fia Nebukadnezar meku. Azɔ la, Beltesazar ɖe egɔme nam, elabena nunyala siwo katã le nye fiaɖuƒe me la dometɔ aɖeke mate ŋu aɖe egɔme nam o. Ke wò ya la, àte ŋui elabena mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le mewò.”
Daniel ɖe drɔ̃e la gɔme
Tete Daniel, ame si woyɔna hã be Beltesazar la tɔtɔ ŋutɔ ɣeyiɣi aɖe eye eƒe susu do ŋɔdzi nɛ. Ale fia la gblɔ nɛ be, “Beltesazar, mègana drɔ̃e la kple eƒe gɔmeɖeɖe nado ŋɔdzi na wò o.”
Beltesazar ɖo eŋu be, “Nye Aƒetɔ, ɖe drɔ̃e la aku ɖe wò futɔwo ŋu eye eƒe gɔmeɖeɖe alɔ ame siwo dia vɔ̃e na wò ɖe eme hafi! Ati si nèkpɔ wòlolo, sẽ, eƒe tame tɔ dziŋgɔli, eye wòdzena le anyigba la dzi kple eƒe aŋugba dzeaniwo kple kutsetse sɔgbɔwo, ati si naa nuɖuɖu ame sia ame, wònye sitsoƒe na gbemelãwo, eye eƒe alɔwo nye dzudzɔƒe na dziƒoxeviwo lae nye wò ŋutɔ. O fia, wòe nye ati la! Èlolo eye nèsẽ ŋu, wò gãnyenye tsi va se ɖe esime wòtɔ dziŋgɔli eye wò fiaɖuƒe keke yi teƒe didiwo le anyigba dzi.
“Wò, O fia, èkpɔ dɔla aɖe, ame kɔkɔe aɖe, wònɔ ɖiɖim tso dziƒo henɔ gbɔgblɔm na wò be, ‘Tso ati la ƒu anyi eye nàtsrɔ̃e gake nàgblẽ eƒe takpoa ɖe tome eye nàde gayibɔ kple akɔblikɔsɔkɔsɔe ɖe gbe damawo dome le esime eƒe kewo le tome. Na dziƒozãmu naƒoe, wòanɔ agbe abe gbemelãwo ene va se ɖe esime ƒe adre nava yi.’
“O fia, esiae nye drɔ̃e la ƒe gɔmeɖeɖe eye wònye ɖoɖo si Dziƒoʋĩtɔ la wɔ ɖe wò, nye aƒetɔ kple fia ŋuti. Woanya wò ɖa le amewo dome eye nànɔ agbe abe lã wɔadãwo ene; àɖu gbe abe nyi ene eye dziƒozãmu adza ɖe dziwò. Ƒe adre ava yi va se ɖe esime nànyae be, Dziƒoʋĩtɔ lae nye fia ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi eye wòtsɔa wo naa ame si dzea eŋu. Gbe si wòɖe be nàgblẽ ati la ƒe takpo kple kewo ɖe tome la gɔmee nye, woagbugbɔ wò fiaduƒe ana wò ne ède dzesii be, Dziƒoʋĩtɔ lae le fia ɖum. Eya ta, O fia, na wòadze ŋuwò be nàxɔ nye aɖaŋuɖoɖo. Ɖe asi le wò nu vɔ̃wo ŋuti to nu nyui wɔwɔ me, nàɖe asi le ŋutasesẽ ŋu to ame siwo wote ɖe anyi la nu veve me. Ekema ate ŋu ava eme be wò nunyonamewo agate ŋu ayi dzi.”
Drɔ̃e la va eme
Nu siawo katã dzɔ ɖe Fia Nebukadnezar dzi. Le ɣleti wuieve megbe esime fia la nɔ tsa ɖim le eƒe fiasã la tame le Babilonia la, egblɔ be, “Ɖe menye esiae nye Babilonia gã si metu abe nye fia la ƒe nɔƒe to nye ŋusẽ triakɔ kple nye fianyenye ƒe ŋutikɔkɔe me ene oa?”
Megblɔ nya siawo vɔ hafi gbe aɖe ɖi tso dziƒo o. Gbe la ɖi be, “Nu siwo woɖo be woadzɔ ɖe wò Fia Nebukadnezar dzi lae nye, woaxɔ wò fianyenye le asiwò. Woanya wò do goe le amewo dome eye nànɔ lã wɔadãwo dome; àɖu gbe abe nyi ene. Fe adre ava yi na wò va se ɖe esime nànyae be Dziƒoʋĩtɔ lae nye fia ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo katã dzi, eye wòtsɔa wo naa ame si wòdi be yeatsɔ wo ana la.”
Enumake nu si wogblɔ ɖe Nebukadnezar ŋu la va eme. Wonyae ɖa tso amewo dome eye wòɖu gbe abe nyi ene. Zãmu dza ɖe edzi va se ɖe esime eƒe taɖa to abe hɔ̃ ƒe fuwo ene eye eƒe fewo to abe xevi ƒe fewo ene.
Le ɣeyiɣi ma ƒe nuwuwu la, nye Nebukadnezar, mewu mo dzi, kpɔ dziƒo eye wogbugbɔ nye susu ɖo te nam. Tete mekafu Dziƒoʋĩtɔ la, mede bubu eŋu eye medoe ɖe dzi, eya ame si li tegbee.
Seɖoƒe meli na eƒe dziɖuɖu o;
eye eƒe fiaɖuƒe anɔ anyi tso dzidzime yi dzidzime.
Wobua anyigbadzitɔwo katã
be womele ɖeke me o.
Ewɔa nu si dzea eŋu kple dziƒoŋunuwo
kple anyigbadzitɔwo.
Ame aɖeke mate ŋu ahe
eƒe asi ɖe megbe loo alo abiae be,
“Nu kae nye esi nèwɔ?”
Le ɣe ma ɣi ke esi Mawu gbugbɔ nye susu ɖo te la, egbugbɔ nye bubu kple atsyɔ̃ hã nam hena nye fiaɖuƒe la ƒe bubu. Aɖaŋudelawo kple ametsitsiwo gbugbɔm ɖo nye fiazikpui dzi eye mexɔ ŋkɔ azɔ wu tsã gɔ̃ hã. Ke azɔ la, nye Nebukadnezar, mekafu Dziƒo fia la, medoe ɖe dzi eye mede bubu eŋu elabena nu sia nu si wòwɔna la nɔa dzɔdzɔe eye eƒe mɔwo katã le eteƒe. Ame siwo zɔna dadatɔe la, etea ŋu bɔbɔa wo ɖe anyi.
Nuŋɔŋlɔ ɖe gli ŋu
Fia Belsazar ɖo kplɔ̃ gã aɖe na eƒe ame ŋkuta akpe ɖeka eye wòno wain kpli wo. Esime Belsazar nɔ eƒe wain nom la, eɖe gbe be woatsɔ sikanu kple klosalonu siwo fofoa, Nebukadnezar lɔ tso Yerusalem gbedoxɔ me la vɛ ale be fia la, eƒe ame ŋkutawo, srɔ̃awo kple eƒe ahiãviwo nano wain le wo me. Ale wotsɔ sikanu siwo wolɔ tso Mawu ƒe gbedoxɔ me le Yerusalem la vɛ eye fia la, eƒe ame ŋkutawo, srɔ̃awo kple eƒe ahiãviwo no wain le wo me. Esi wonɔ aha la nom la, wokafu sika, klosalo, akɔbli, gayibɔ kple ati kple kpe ƒe mawuwo.
Tete amegbetɔ ƒe asibidɛ dze eye wòŋlɔ nu ɖe gli si ŋu wosi akalo ɖo la eye wòte ɖe akaɖiti si le fiasã la me ŋu. Fia la lé ŋku ɖe asibidɛ la ŋu esi wònɔ nua ŋlɔm. Fia la ƒe mo fu kpĩi eye dzidzi ƒoe ale gbegbe be eƒe klowo de asi wo nɔewo ƒoƒo me kpakpakpa eye eƒe afɔwo gbɔdzɔ le ete.
Fia la na woyɔ eƒe bokɔwo, ɣletivimenunyalawo kple dzotɔwo vɛ. Tete fia la gblɔ na Babilonia nunyala siawo be, “Ame si axlẽ nuŋɔŋlɔ sia eye wòaɖe egɔme nam la, woado aɖabɛwu nɛ, woade sikakɔsɔkɔsɔ kɔ nɛ eye woana wòazu dziɖula ŋusẽtɔ etɔ̃lia le fiaɖuƒe la me.”
Tete fia la ƒe nunyalawo katã va, ke womete ŋu xlẽ nuŋɔŋlɔ la alo ɖe egɔme na fia la o. Ale vɔvɔ̃ gaɖo Fia Belsazar ɖe edzi wu eye eƒe mo gafu kpĩi ɖe edzi wu. Eƒe ame ŋkutawo hã tɔtɔ.
Esi fia dada se fia la kple eƒe ame ŋkutawo ƒe nuƒoƒo la, ege ɖe kplɔ̃ɖoƒe la eye wògblɔ be, “O fia, nɔ agbe tegbee. Mègana wò dzika natso o. Mègana wò mo nafu kpĩi alea o. Ame aɖe le wò fiaɖuƒe la me, ame si me mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le. Le fofowò ŋɔli la, wokpɔe be sidzedze, gɔmesese kple nunya le esi abe mawuwo tɔwo ene. Fia Nebukadnezar, fofowò, fia la tsɔe ɖo bokɔwo, akunyawɔlawo, ɣletivimenunyalawo kple dzosalawo nu. Wokpɔe dze sii be Daniel, ame si fia la yɔna be Beltesazar la, nunya kple gɔmesese le tagbɔ nɛ kpe ɖe ŋutete be wòaɖe drɔ̃ewo kple adzowo gɔme ŋu eye wònya nu si woawɔ le nya sesẽwo me. Na woayɔ Daniel ne wòaɖe nuŋɔŋlɔ la gɔme na wò.”
Ale wokplɔ Daniel va fia la ŋkume eye fia la biae be, “Wòe nye Daniel, aboyome siwo fofonye, fia la kplɔ vɛ tso Yuda la dometɔ ɖeka? Mese be mawuwo ƒe gbɔgbɔ le mewò eye be gɔmesese, sidzedze kple nunya deto le mewò. Wokplɔ nunyalawo kple dzosalawo va nye ŋkume be woaxlẽ nuŋɔŋlɔ la eye woaɖe egɔme nam gake womete ŋu ɖe egɔme nam o. Azɔ la, mese be àte ŋu aɖe nuwo gɔme eye nènya ta na nyadzɔdzɔ sesẽwo. Ne àte ŋu axlẽ nuŋɔŋlɔ la eye nàɖe egɔme nam la, woado aɖabɛwu na wò, woade sikakɔsɔkɔsɔ kɔ na wò eye woana nàzu dziɖula gãtɔ etɔ̃lia le nye fiaɖuƒe la me.”
Tete Daniel ɖo eŋu na fia la be, “Àte ŋu atsɔ wò nunana siwo ŋugbe nèdo la na ɖokuiwò eye nàtsɔ wò fetuwo ana ame bubu aɖe faa. Ke maxlẽ nuŋɔŋlɔ la na fia la eye maɖe egɔme nɛ.
“O fia, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la na fianyenye, gãnyenye, ŋutikɔkɔe kple dzedzeme fofowò, Nebukadnezar. Le teƒe kɔkɔ si Mawu nae ta la, amewo katã kple dukɔwo katã kple gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe gblɔlawo vɔ̃nɛ eye wobunɛ. Ame siwo fia la di be yeawu la, ewua wo. Ame siwo wòdi be yeana woatsi agbe la, enana wotsia agbe. Ame siwo wòdi be yeado ɖe ŋgɔ la, edoa wo ɖe ŋgɔ. Ame siwo wodi be yeabɔbɔ ɖe anyi la, ebɔbɔa wo ɖe anyi. Ke esi dada ge ɖe dzi me nɛ eye dada na eƒe dzi me sẽ ta la, Mawu ɖee ɖa le eƒe fiazikpui dzi eye woɖe eƒe ŋutikɔkɔe ɖa le eŋu. Enyae le amegbetɔwo dome eye wotsɔ gbemelã ƒe susu nɛ. Enɔ gbetedziwo dome, eɖu gbe abe nyitsu ene, dziƒozãmu dza ɖe edzi eye wònya be Mawu, Dziƒoʋĩtɔ lae nye fia ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo katã dzi eye wòtsɔa ame si dze eŋu la ɖoa wo nu.
“Ke wò fia, O Belsazar, mèbɔbɔ ɖokuiwo o togbɔ be ènya fofowò ƒe ŋutinyawo katã hafi. Le esiawo katã teƒe la, èdo ɖokuiwò ɖe dzi, ɖe Dziƒo ƒe Aƒetɔ la ŋu. Èna wofɔ eƒe kpluwo tso eƒe gbedoxɔ me vɛ na wò eye wò kple wò ame ŋkutawo, srɔ̃wòwo kple wò ahiãviwo mieno wain le wo me. Èkafu klosalo, sika, akɔbli, gayibɔ, ati kple kpe ƒe mawuwo, mawu siwo metea ŋu kpɔa nu, sea nu alo sea nu gɔme o. Mède bubu Mawu si lé wò agbe kple wò mɔwo katã ɖe eƒe asi me la ŋu o eya ta Mawu ɖo asi si ŋlɔ nu la ɖa.
“Nu si wòŋlɔ lae nye,
Mene, mene, tekel parsin
“Nya siawo gɔme le ale:
“Mene: Mawu ɖo seɖoƒe na wò fiaɖuɖu eye wòna wòwu enu.
“Tekel: Woda wò le nudanu dzi, eye wokpɔ be mèkpe o.
“Perez: Woma wò fiaɖuɖu me eye wotsɔe na Mediatɔwo kple Persiatɔwo.”
Le Belsazar ƒe gbeɖeɖe nu la, wodo aɖabɛwu na Daniel, de sikakɔsɔkɔsɔ kɔ nɛ eye wona wòzu dziɖula ŋusẽtɔ etɔ̃lia le fiaɖuƒe la me.
Le zã ma ke me la, wowu Belsazar, Babilonia fia la eye Darius, Mediatɔ la xɔ fiaɖuƒe la esime wòxɔ ƒe blaade-vɔ-eve.
Daniel le dzatawo ƒe do me
Edze Darius ŋu be wòatia dumegã alafa ɖeka blaeve be woaɖu dzi le dukɔa me eye wòtsɔ amegã etɔ̃ ɖo wo nu. Ame siawo dometɔ ɖekae nye Daniel. Dziɖulawo ana akɔnta amegãwo ale be fia la mabu naneke o. Azɔ la, Daniel ɖe eɖokui fia le amegãwo kple dziɖulawo dome kple eƒe ŋutete tɔxɛwo ale gbegbe be fia la ɖo be yeatsɔe aɖo fiaɖuƒe blibo la nu. Esia ta amegãwo kple dziɖulawo di mɔnuwo be woatsɔ nya ɖe eŋu le eƒe dzikpɔdɔwo wɔwɔ me gake womete ŋui o. Womete ŋu kpɔ nu gbegblẽ aɖeke le eŋu o, eya ta enye ame si dzi woaka ɖo, elabena gbegblẽ menɔ eme o, eye megblẽa dɔ ɖi hã o. Mlɔeba la, ame siawo gblɔ be, “Míate ŋu akpɔ nutsotso aɖeke le ame sia, Daniel ŋu o, negbe ne nya la ku ɖe eƒe Mawu ƒe se ŋuti ko!”
Ale amegãwo kple dziɖulawo ƒo ƒu yi fia la gbɔ eye wogblɔ nɛ be, “O Fia Darius, nɔ agbe tegbee! Dɔdzikpɔlawo, tatɔwo, dziɖulawo, aɖaŋuɖolawo kple mɔmefiawo katã ɖoe be fia la nade se si ana be ame sia ame si ado gbe ɖa na mawu aɖe alo ame aɖe ŋkeke blaetɔ̃ siwo le mía ŋgɔ me eye menye na wò, O fia, o la, woalée ade dzatawo ƒe do me Azɔ la, O fia, de se la eye nàna woaŋlɔe ale be womate ŋu atrɔe o, le Mediatɔwo kple Persiatɔwo ƒe se nu eye womate ŋu atrɔe o.” Ale Fia Darius na woŋlɔ se la.
Esi Daniel se be woŋlɔ se la kaka la, eyi ɖe eƒe aƒe me, ge ɖe eƒe xɔ me le dziƒoxɔ dzi eye wòʋu fesrẽ siwo woʋuna dona ɖe Yerusalem gbɔ la da ɖi. Edzea klo, doa gbe ɖa zi etɔ̃ gbe sia gbe, daa akpe na eƒe Mawu abe ale si wòwɔna tsã ene. Tete ame siawo yi le ha me ɖakpɔ Daniel wònɔ gbe dom ɖa henɔ kpekpeɖeŋu biam Mawu. Ale woyi fia la gbɔ eye woƒo nu nɛ tso se si wòde la ŋuti. Wobiae be, “Ɖe mèŋlɔ sedede aɖe be le ŋkeke blaetɔ̃ siwo gbɔna me la, ame sia ame si ado gbe ɖa na mawu alo amegbetɔ aɖe si manye wò, fia o la, woalée ade dzatawo ƒe do me oa?”
Fia la ɖo eŋu be, “Se la li eye le Mediatɔwo kple Persiatɔwo ƒe sewo nu la, womate ŋu atrɔe o.”
Tete wogblɔ na fia la be, “O fia, Daniel, ame si nye aboyome siwo tso Yuda la dometɔ ɖeka la metsɔa ɖeke le eme na wò alo lé se si nèna woŋlɔ la me ɖe asi o. Egadoa gbe ɖa zi etɔ̃ gbe sia gbe kokoko.” Esi fia la se nya sia la, ese veve ŋutɔ. Eɖo kplikpaa be yeaɖe Daniel eye wòdze agbagba ɖe sia ɖe be yeaɖee va se ɖe ɣe ɖo to.
Tete ameawo yi fia la gbɔ le ha me eye wogblɔ nɛ be, “Ɖo ŋku edzi, O fia, be le Mediatɔwo kple Persiatɔwo ƒe se nu la, womate ŋu atrɔ se aɖeke si fia de la o.”
Ale fia la ɖe gbe, wokplɔ Daniel vɛ eye wokɔe ƒu gbe ɖe dzatawo ƒe do me. Fia la gblɔ na Daniel be, “Wò Mawu si nèsubɔna atraɖii la naɖe wò!”
Wokɔ kpe aɖe da ɖe doa nu eye fia la tsɔ eya ŋutɔ ƒe ŋkɔsigɛ kple eƒe ame ŋkutawo ƒe ŋkɔsigɛwo tre do la nu ale be womagatrɔ nya si dzɔ ɖe Daniel dzi la o. Tete fia la trɔ yi eƒe fiasã me. Meɖu nu fiẽ ma o eye womewɔ dzidzɔdonamenu aɖeke hã nɛ o. Mete ŋu dɔ alɔ̃ o.
Le ŋdi kanya esi dzite tso ko la, fia la fɔ eye wòɖe abla yi dzatawo ƒe do la gbɔ. Esi wòte ɖe do la ŋu la, eyɔ Daniel kple nublanuigbe be, “Daniel, Mawu gbagbe la subɔla, ɖe wò Mawu si nèsubɔna atraɖii la te ŋu ɖe wò tso dzatawo ƒe asi mea?”
Daniel ɖo eŋu be, “O fia, nɔ agbe tegbee! Nye Mawu ɖo eƒe dɔla aɖe ɖa eye wòde ga nu na dzataawo. Womewɔ nuvevi aɖekem o elabena nyemeɖi fɔ aɖeke le Mawu ŋkume o eye nenema ke nyemewɔ nu vɔ̃ aɖeke kpɔ le wò ŋkume o, O fia.”
Tete fia la kpɔ dzidzɔ ŋutɔ eye wòɖe gbe be woaɖe Daniel le do la me. Esi woɖe Daniel le do la me la, womekpɔ abi aɖeke le eŋu o elabena eɖo ŋu ɖe eƒe Mawu ŋu.
Le fia la ƒe gbeɖeɖe nu la, wolé ame siwo tsɔ aʋatsonya ɖe Daniel ŋu la de dzatawo ƒe do la me kple wo srɔ̃wo kple wo viwo. Womekpɔ ɖo do la gɔme hafi dzataawo lé wo, vuvu wo eye wogbã woƒe ƒuwo o.
Tete Fia Darius ŋlɔ agbalẽ na eƒe amewo katã, dukɔwo kple ame siwo tso gbegbɔgblɔwo katã me le anyigba la dzi la be,
“Eme nenyo na mi ŋutɔŋutɔ!”
Nyee de se be le nye fiaɖuƒea me la, ame sia ame navɔ̃ eye wòade bubu Daniel ƒe Mawu ŋu.
“Elabena eyae nye Mawu gbagbe la
eye wòanɔ anyi tegbee;
Womagbã eƒe fiaɖuƒe la o
eye eƒe dziɖuɖu nu matso o.
Eɖea ame eye wòxɔna na ame.
Le dziƒowo kple anyigba dzi siaa.
Eɖe Daniel
tso dzatawo ƒe asi me.”
Ale eme nyo na Daniel le Darius ƒe fiaɖuɣi kple Persiatɔ, Sirus ƒe fiaɖuɣi.
Daniel ƒe drɔ̃ekuku tso lã wɔadã ene ŋu
Le Belsazar, Babilonia fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me la, Daniel ku drɔ̃e esime wòmlɔ eƒe aba dzi eye ŋutega geɖewo to eƒe susu me. Eŋlɔ drɔ̃e la me nyawo da ɖi.
Daniel gblɔ be, “Le nye ŋutega me la, mekpɔ be dziƒo ƒe ya eneawo nɔ nye ŋkume eye wonɔ atsiaƒu gã la nyamam. Lã gã ene siwo to vovo tso wo nɔewo gbɔ la do go tso atsiaƒu la me.
“Gbãtɔ le abe dzata ene eye wòto hɔ̃ ƒe aʋala. Melé ŋku ɖe eŋu va se ɖe esime wotu aʋala la ɖa le eŋu, wokɔe tso anyigba, ale be wòtsi tsitre ɖe afɔ eve dzi abe amegbetɔ ene eye wotsɔ amegbetɔ ƒe dzi nɛ.
“Lã evelia si ɖi sisiblisi la nɔ tsitre ɖe nye ŋkume. Wofɔ eƒe akpa ɖeka ɖe dzi eye agbaƒuti etɔ̃ nɔ eƒe nu me le eƒe aɖuwo dome. Wogblɔ nɛ be, ‘Tso eye nàɖu lã wòasu wò!’
“Le esia megbe la, mekpɔ lã bubu wònɔ nye ŋkume. Lã sia ɖi lãkle. Aʋala ene nɔ dzime nɛ abe xevi ƒe aʋalawo ene. Lã la to ta ene eye wona ŋusẽe be wòaɖu fia.
“Le esia hã megbe la, megakpɔ lã enelia le nye ŋutega la me le zã me wònɔ nye ŋkume; ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ nɔ eŋu eye wòsẽ ŋu ŋutɔ. Gaɖu titriwo nɔ nu me nɛ. Evuvua lã, ɖunɛ eye wòtua afɔ esi susɔ la dzi. Eto vovo tso lã kemɛawo gbɔ eye wòto dzo ewo.
“Esi menɔ dzoawo ŋu bum la, dzo bubu aɖe do ɖe nye ŋkume; dzo sue aɖe koe wònye do ɖe wo dome eye wòho dzo etɔ̃ le dzo gbãtɔwo dome le eŋgɔ. Ŋkuwo nɔ dzo sia ŋu abe amegbetɔ ƒe ŋkuwo ene eye nu si ƒoa nu adegbeƒotɔe hã nɔ eŋu.
“Esi menɔ ŋku lém ɖe eŋu la,
“woɖo fiazikpuiwo woƒe nɔƒewo.
Tete Blema Mawu va nɔ eƒe nɔƒe.
Eƒe awu fu tititi abe sno ene
eye eƒe taɖa fu abe ɖetifu ene.
Eƒe fiazikpui nɔ bibim kple dzo.
Dzotɔsisi aɖe nɔ sisim le eŋgɔ.
Ame akpe akpewo nɔ esubɔm,
ame akpe ewo teƒe akpe ewo nɔ tsitre ɖe eŋgɔ.
Ʋɔnu la ɖi anyi eye woke agbalẽawo.
“Meyi ŋkuléle ɖe nuwo ŋu dzi le adegbeƒonya siwo lãdzo la nɔ gbɔgblɔm la ta. Meyi nukpɔkpɔ dzi va se ɖe esime wowu lã la eye wotsɔ eƒe ŋutilã kukua ƒu gbe ɖe dzo bibi la me. Woxɔ ŋusẽ le lã bubuawo si gake wona be woanɔ agbe hena ɣeyiɣi kpui aɖe ko.
“Le nye ŋutega me le zã me la, mekpɔ ame aɖe si le abe amegbetɔ vi ene wògbɔna kple dziƒo ƒe lilikpowo. Egogo Blema Mawu la eye wokplɔe yi eŋkumee. Wotsɔ ŋusẽ, bubu kple gãnyenye ƒe ŋusẽ nɛ eye amewo katã kple dukɔwo katã kple ame siwo tso gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me la subɔe. Eƒe dziɖuɖu nye dziɖuɖu si anɔ anyi tegbee, dziɖuɖu si nu matso o eye eƒe fiaɖuƒe nye esi womagbã gbeɖe o.
Drɔ̃e la gɔme ɖeɖe
“Nye, Daniel, nye gbɔgbɔ tsi dzi le menye eye ŋutega siwo mekpɔ la ɖe fu nam. Mete ɖe ame siwo nɔ tsitre ɖe afi ma la dometɔ ɖeka ŋu eye mebia nu siawo katã ƒe gɔmeɖeɖe nyuitɔ tso egbɔ.
“Ale wògblɔe nam eye wòna nu siawo katã ƒe gɔmeɖeɖem. ‘Lã gã eneawoe nye fiaɖuƒe ene siwo ava dzɔ tso anyigba dzi. Ke Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo axɔ fiaɖuƒe la eye wòanye wo tɔ tegbee, ɛ̃, tegbetegbe.’
“Tete medi be manya lã enelia ƒe gɔmeɖeɖe tututu. Lã sia to vovo sãa tso bubuawo gbɔ eye ŋɔdzi nɔ eŋu ŋutɔ kple eƒe gaɖuwo kple akɔblifewo. Enye lã si vuvua nu, ɖua eƒe nu lélewo eye wòtua afɔ nu sia nu si susɔ la dzi. Medi hã be manya nu tso eƒe dzo ewo siwo nɔ eƒe ta kple dzo bubu si wòto, esi ŋgɔ dzo etɔ̃ ho le, dzo si ŋu dzedzeme nɔ wu bubuawo eye esi ŋu ŋkuwo kple nu si ƒoa nu adegbeƒotɔe nɔ la ŋu. Esi melé ŋku ɖe eŋu la, dzo sia nɔ aʋa wɔm kple ame kɔkɔeawo eye wònɔ wo dzi ɖum. Va se ɖe esime Blema Mawu la va eye wòtso afia na Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔeawo eye ɣeyiɣia de be fiaɖuƒe la nazu wo tɔ.
“Ena gɔmeɖeɖe siam. ‘Lã eneliae nye fiaɖuƒe enelia si ado ɖe anyigba dzi. Ato vovo tso fiaɖuƒe bubuawo katã gbɔ, aɖu anyigba blibo la dzi, atu afɔ edzi eye wòagbãe. Dzo ewoawo nye fia ewo siwo ado tso fiaɖuƒe sia me. Le woawo yome la, fia bubu aɖe ava, ato vovo tso esiwo do ŋgɔ nɛ la gbɔ eye wòaɖu fia etɔ̃ dzi. Aƒo nu atsi tsitre ɖe Dziƒoʋĩtɔ la ŋu, ate eƒe ame kɔkɔeawo ɖe to eye wòate kpɔ be yeatrɔ ɣeyiɣi ɖoɖowo kple sewo. Woatsɔ ame kɔkɔeawo ade asi nɛ ƒe ɖeka, ƒe eve alo ƒe afã.
“ ‘Ke ʋɔnu la aɖi anyi, woaxɔ eƒe ŋusẽ le esi eye woagbãe gudugudu tegbetegbe. Ekema woatsɔ dziɖuɖu, ŋusẽ kple fiaɖuƒewo ƒe gãnyenye le dziƒo blibo la ana ame kɔkɔeawo, Dziƒoʋĩtɔ la ƒe amewo. Eƒe fiaɖuƒe la anye fiaɖuƒe mavɔ, dziɖulawo katã asubɔe eye woaɖo toe.’
“Esiae nye nya la ƒe nuwuwu. Nye, Daniel, nye susuwo ɖe fu nam ŋutɔŋutɔ, nye ŋkume fu kpĩi ke medzra nya la ɖo ɖe nye dzi me.”
Daniel kpɔ ŋutega tso agbo aɖe kple gbɔ̃tsu aɖe ŋu
Le fia Belsazar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la, nye Daniel mekpɔ ŋutega aɖe ɖe esi mekpɔ xoxo la yome. Le nye ŋutega la me la, mekpɔ ɖokuinye be mele Susa fiadu la me le Elam nutogã me. Le ŋutega la me la, mekpɔ hã be menɔ Ulai tɔsisi la to. Mefɔ kɔ dzi, eye mekpɔ agbo aɖe si to dzo eve, wòtsi tsitre ɖe tɔsisi la to; eƒe dzowo didi. Dzoawo dometɔ ɖeka nɔ kpuie wu evelia gake eva didi ɖe edzi emegbe. Menɔ ŋku lém ɖe agboa ŋu esi wònɔ dzo dam ɖo ta ɣetoɖoƒe kple anyiehe kple dziehe. Lã aɖeke mete ŋu nɔ te ɖe enu o eye ɖeke mete ŋu xɔ nu léle le esi o. Ewɔ nu si dze eŋu eye wòkpɔ ŋusẽ ŋutɔ.
Esi menɔ nu sia ŋu bum la, gbɔ̃tsu aɖe tso ɣetoɖoƒe gome va le anyigba blibo la dzi tsam kple du gake eƒe afɔwo menɔ anyigba kam o. Gbɔ̃tsu la to dzo titri eve ɖe eƒe ŋkuwo dome. Eva agbo si to dzo eve si mekpɔ le tɔsisi la to la gbɔ eye wòlũ ɖe edzi kple dɔmedzoe helĩhelĩ. Mekpɔe wòlũ ɖe agbo la dzi dɔmedzoetɔe, tu dzoe eye wòŋe eƒe dzo eveawo. Ŋusẽ menɔ agbo la ŋu wòatrɔ anɔ te ɖe enu o. Gbɔ̃tsu la ƒoe ƒu anyi, tu afɔ edzi eye naneke mete ŋu ɖee le eƒe asi me o. Gbɔ̃tsu la va xɔ ŋkɔ ale gbegbe gake le eƒe ŋusẽ ƒe kɔkɔƒe la, eƒe dzo biɖa la ŋe eye dzo titri ene to ɖe eteƒe do ɖe dziƒoya eneawo gbɔ.
Dzo bubu to tso dzoawo dometɔ ɖeka me. Dzo sia nɔ sue gake eva tsi le ŋusẽ me yi ɖe dziehe godo, va ɣedzeƒe, do ɖe Anyigba Nyui la gbɔ ke. Etsi va se ɖe esime wòtɔ dziƒo ŋu, ena ɣletivi aɖewo ge va dze anyigba eye wòtu afɔ wo dzi. Edo eɖokui ɖe dzi ɖe aʋakɔwo ƒe Fia la ŋu eye wòxɔ gbe sia gbe ƒe vɔsalã le esi hegbã eƒe nɔƒe kɔkɔe la. Le aglãdzedze ta la, wotsɔ ame kɔkɔewo ƒe aʋakɔ la kple gbe sia gbe ƒe vɔsa de asi nɛ. Nu sia nu si wòwɔ la dze edzi nɛ eye wòtsɔ nyateƒe ƒu gbe ɖe anyigba.
Tete mese ame kɔkɔe aɖe wònɔ nu ƒom eye ame kɔkɔe bubu gblɔ nɛ be “Va se ɖe ɣe ka ɣi hafi ŋutega sia nava eme, ŋutega si ku ɖe gbe sia gbe ƒe vɔsa, aglãdzedze si hea gbegblẽ vɛ kple asiɖeɖe le kɔkɔeƒe la ŋu kple dɔla si dzi woanye avuzi le?”
Egblɔ nam be, “Fiẽ kple ŋdi akpe eve alafa etɔ̃ ava yi ekema woagbugbɔ kɔkɔƒe la ŋu akɔ.”
Ŋutega la ƒe gɔmeɖeɖe
Esime nye, Daniel, menɔ ŋutega la kpɔm eye menɔ agbagba dzem be mase egɔme la, ame aɖe si ɖi ŋutsu la tsi tsitre ɖe nye ŋkume eye mese ame aɖe ƒe gbe tso Ulai tɔsisi la gbɔ wògblɔ be, “Gabriel, gblɔ ŋutega la ƒe gɔmeɖeɖe na ŋutsu sia.”
Esi wògogo afi si metsi tsitre ɖo la, vɔvɔ̃ ɖom eye metsyɔ mo anyi. Egblɔ nam be, “Ame vi, se egɔme be ŋutega la ku ɖe nuwuwu ƒe ɣeyiɣi ŋu.”
Esime wònɔ nu ƒom nam la, menɔ alɔ̃ me ʋĩi eye metsyɔ mo anyi. Eka asi ŋunye eye wòfɔm ɖe tsitre.
Egblɔ nam be, “Kpɔ ɖa, mele nu si ava dzɔ emegbe le dɔmedzoe ƒe ɣeyiɣi me la gblɔ ge na wò elabena ŋutega la ku ɖe nuwuwu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖo la ŋu. Agbo dzoevee si nèkpɔ la nye Media fia kple Persia fia. Gbɔ̃tsu la nye Grik fia eye dzo titri si nɔ eƒe ŋkuwo dome lae nye fia gbãtɔ. Dzo ene siwo to ɖe ɖeka si woŋe teƒe lae nye fiaɖuƒe ene siwo ado tso eƒe dukɔ me gake ŋusẽ ma tɔgbi ke manɔ wo ŋu o.
“Le woƒe dziɖuɖu ƒe nuwuwu lɔƒo esime aglãdzelawo ƒe aglãdzedze ado gã ɖe edzi la, fia vlo aɖe si nye ayetɔ gã aɖe la, ado. Azu ame sesẽ aɖe ŋutɔ gake menye to eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ me o. Agblẽ nuwo nyamanyama eye wòakpɔ dzidzedze le nu sia nu si wòawɔ la me. Atsrɔ̃ ŋutsuwo kple ame kɔkɔewo. Ana beble nakpɔ dzidzedze eye wòabu eɖokui gã wu ale si wòle. Ne amewo bu be yewole dedie la, awu wo dometɔ geɖewo eye wòatsi tsitre ɖe fiawo dzi Fia la ŋu. Ke woatsrɔ̃e gake menye to amegbetɔ ƒe ŋusẽ me o.
“Ŋutega si wona nèkpɔ tso fiẽ kple ŋdi ŋu la nye nyateƒe gake dzra ŋutega la ɖo ɖe wò dzi me elabena eku ɖe ɣeyiɣi didi aɖe si gbɔna la ŋu.”
Ɖeɖi te nye, Daniel ŋu eye menɔ dɔba dzi ŋkeke aɖewo. Emegbe mefɔ eye meyi fia la ƒe dɔwɔwɔ dzi. Ŋutega la wɔ nuku nam ŋutɔ; ekɔ wu amewo ƒe gɔmesese.
Daniel ƒe gbedodoɖa
Le Ahasuerus (Mediatɔ ƒe vi), Darius, ame si wotsɔ ɖo fiae ɖe Babilonia fiaɖuƒea nu ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me la, nye Daniel, mese egɔme tso Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me, tso nya si Yehowa tsɔ na Nyagblɔɖila Yeremia me, be Yerusalem ƒe aƒedozuzu anɔ anyi ƒe blaadre. Ale metrɔ ɖe Yehowa, nye Mawu ŋu eye meƒo koko nɛ to gbedodoɖa, kukuɖeɖe, nutsitsidɔ, akpanyatata kple dzowɔsisi me.
Medo gbe ɖa na Yehowa, nye Mawu eye meʋu nye nu vɔ̃ me be,
“O Yehowa, Mawu gã si ŋu ŋɔdzi le, ame si léa lɔlɔ̃ ƒe nubabla me ɖe asi na ame siwo katã lɔ̃nɛ eye wowɔa eƒe sewo dzi, míewɔ nu vɔ̃ eye míeda vo. Míesẽ ŋuta eye míedze aglã. Míeɖe asi le wò ɖoɖowo kple sewo ŋuti. Míeɖo to wò dɔla nyagblɔɖilawo, ame siwo ƒo nu le wò ŋkɔ me na míaƒe fiawo, dumegãwo kple mía fofowo kple anyigbadzitɔwo katã o.
“Aƒetɔ, ènye dzɔdzɔetɔ, ke egbe la, ŋukpe lé mí, Yudatɔwo kple Yerusalemtɔwo kple Israelviwo katã, kpuiƒetɔwo kple didiƒetɔwo siaa, le dukɔ siwo me nèka mí hlẽ ɖo le míaƒe nuteƒemawɔmawɔ na wò ta. O Yehowa, ŋukpe lé mí, míaƒe fiawo, míaƒe dumegãwo kple mía fofowo le ale si míeda vo ɖe ŋuwò la ta. Aƒetɔ, mía Mawu la kpɔa nublanui eye wòtsɔa nu vɔ̃ kena togbɔ be míedze aglã ɖe eŋu hã. Míeɖo to Yehowa, míaƒe Mawu la o, eye míelé se siwo wòde na mí to eƒe dɔla, nyagblɔɖilawo dzi la me ɖe asi o. Israel blibo la da le wò sewo dzi, wotrɔ le yowòme, eye wogbe toɖoɖo wò eya ta wotrɔ fiƒode kple atam siwo woŋlɔ ɖe Mawu ƒe dɔla Mose ƒe sewo me la, kɔ ɖe mía dzi elabena míewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutiwò. Èwɔ nya siwo wogblɔ ɖe míawo kple míaƒe dziɖulawo ŋu la dzi, to dzɔgbevɔ̃e gã hehe va mía dzi me. Le dziƒo blibo la te la, womewɔ naneke kpɔ abe nu si wowɔ Yerusalem la ene o. Abe ale si woŋlɔ ɖe Mose ƒe sewo me ene la, dzɔgbevɔ̃e sia katã dzɔ ɖe mía dzi, míedi Yehowa, mía Mawu la ƒe amenuveve to asiɖeɖe le míaƒe nu vɔ̃wo ŋu kple ŋkuléle ɖe wò nyateƒe la ŋu me o. Yehowa mehe ɖe megbe le dzɔgbevɔ̃e la hehe va mía dzi me o elabena Yehowa, míaƒe Mawu la dzɔdzɔetɔe wònye le nu sia nu si wòwɔna la me gake míeɖo toe o.
“Azɔ la, O Aƒetɔ, mía Mawu, wò ame si kplɔ wò amewo do goe tso Egipte kple asi sesẽ eye nède ŋkɔ ɖokuiwò ŋu, ŋkɔ si le ŋuwò va ɖo egbe sia, míewɔ nu vɔ̃ eye míeda vo. O Aƒetɔ, le wò nu dzɔdzɔewo katã wɔwɔ me la, na wò dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ naɖe ɖa le Yerusalem, wò du kple wò to kɔkɔe la ŋu. Míaƒe nu vɔ̃wo kple mía fofowo ƒe dzidadawo na Yerusalem kple wò amewo zu fewuɖunu na ame siwo katã ƒo xlã mí.
“Azɔ, mía Mawu, se wò dɔla ƒe gbedodoɖa kple kokoƒoƒo. Le wò ŋutɔ ta, O Aƒetɔ, kpɔ wò Kɔkɔeƒe si zu aƒedo la ɖa kple amenuveve. Ɖo to, O Mawu eye nàse nu; ʋu wò ŋkuwo eye nàkpɔ wò du si ŋu wò Ŋkɔ le la ƒe aƒedozuzu ɖa. Míele nu biam wò le míaƒe dzɔdzɔenyenye ta o, ke boŋ le wò nublanuikpɔkpɔ gã la ta. O Aƒetɔ, ƒu to anyi! O Aƒetɔ, tsɔe ke dzro! O Aƒetɔ, se nu eye nàwɔ nu! Le wò ŋutɔ ta, O nye Mawu, mègahe ɖe megbe o elabena wò Ŋkɔ le wò du kple wò amewo ŋu.”
“Kwasiɖa Blaadrewo”
Esime menɔ nu ƒom, henɔ gbe dom ɖa nɔ nye kple nye dukɔ, Israel, ƒe nu vɔ̃ me ʋum eye menɔ koko ƒom na Yehowa, nye Mawu, ɖe eƒe to kɔkɔe la ta eye meganɔ gbe dom ɖa ko la, Gabriel, ame si mekpɔ le nye ŋutega si do ŋgɔ me la va do ɖe dzinye kpoyi le fiẽvɔsaɣi. Efia num, gblɔ nam be, “Daniel, meva azɔ be mana sidzedze kple gɔmesese wò. Esime nèdze gbedodoɖa gɔme teti ko la, wona ŋuɖoɖo aɖe si meva be magblɔ na wò elabena wobua wò ŋutɔ eya ta bu gbedeasi la ŋu eye nàse ŋutega la gɔme:
“Woɖo Kɔsiɖa blaadre na wò amewo kple wò du kɔkɔe la be miawu sedzidada nu, miadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, woalé avu ɖe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ta, woatsɔ dzɔdzɔenyenye mavɔtɔ vɛ, woatre ŋutegawo kple nyagblɔɖiwo nu eye woasi ami na kɔkɔeƒe ƒe kɔkɔeƒe la.
“Nya nu sia eye nàse egɔme. Tso sedede sia be woagbugbɔ Yerusalem atu dzi va se ɖe esime Amesiamina la, dziɖula la nava la, anye kɔsiɖa adre eye woagbugbɔe atu kple mɔtatawo kple tsisitoƒewo gake woawɔe le xaxaɣi. Le kɔsiɖa blaade-vɔ-eveawo megbe la, woaɖe Amesiamina la ɖa eye naneke manɔ esi o. Dziɖula si ava la ƒe amewo agbã du la kple kɔkɔeƒe la. Nuwuwu la ava abe tsiɖɔɖɔ ene. Aʋawɔwɔ ayi edzi va se ɖe nuwuwu la eye woaɖe mɔ le aƒedozuzu ŋuti. Aɖo kpe nu si wòbla kple ame geɖewo la dzi kɔsiɖa ɖeka. Le kɔsiɖa ɖeka la titina la, atɔ te vɔsawo kple nunanawo. Le gbedoxɔ la ƒe dzogoe ɖeka dzi la, ali ŋunyɔnu si hea gbegblẽ vɛ la ɖi va se ɖe esime woatrɔ nuwuwu si woɖo ɖi la akɔ ɖe edzi.”
Daniel ƒe ŋutega tso ŋutsu aɖe ŋu
Le Sirus, Persia fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la, Daniel, ame si wogayɔna be Beltesazar la xɔ ɖeɖefia aɖe. Nya si wòhe vɛ la nye nyateƒe eye wòku ɖe aʋa gã aɖe ŋu. Gbedeasi la gɔmesese va nɛ le ŋutega aɖe me.
Le ɣe ma ɣi me la, nye Daniel, mexa nu kɔsiɖa etɔ̃. Nyemeɖu nu nyui aɖeke o, lã kple wain meka nu nam o eye nyemesi ami aɖeke kura o va se ɖe esime kɔsiɖa etɔ̃ la wu enu.
Le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-enelia dzi, esi metsi tsitre ɖe tɔsisi gã, Tigris, to la, mefɔ kɔ dzi eye ŋutsu aɖe si do aklala biɖibiɖi ƒe awu eye sika nyuitɔ si tso Ufaz ƒe alidziblanu le ali dzi nɛ la nɔ nye ŋkume. Eƒe ŋutilã nɔ abe adzagba ene, eƒe mo nɔ abe dzikedzo ene, eƒe ŋkuwo nɔ abe akakati bibiwo ene, eƒe abɔwo kple afɔwo nɔ abe akɔbli nyuitɔ si le dzo dam la ene eye eƒe gbe nɔ abe ameha gã aɖe ƒe hoowɔwɔ ene.
Nye, Daniel koe nye ame si kpɔ ŋutega la; ame siwo nɔ gbɔnye la mekpɔe o, gake vɔvɔ̃ ɖo wo ale gbegbe be wosi ɖaɣla wo ɖokuiwo. Ale nye ɖeka metsi anyi henɔ ŋutega la kpɔm. Ŋusẽ vɔ le ŋunye, nye mo fu kpĩi eye wɔna vɔ le ŋunye. Tete mesee wònɔ nu ƒom eye esi menɔ to ɖom la, meyi alɔ̃ me ʋĩi le esime metsyɔ mo anyi.
Asi aɖe ka ŋunye eye wòna mede asi dzodzo me nyanyanya le nye asiwo kple klowo dzi. Egblɔ nam be, “Daniel, wò ame si ŋu wode bubu gãe, bu ta me nyuie le nya siwo gblɔ ge mala na wò la ŋu: Tsi tsitre elabena woɖom ɖe gbɔwò azɔ.” Esi wògblɔ nya siawo nam la, metsi tsitre heganɔ dzodzom nyanyanya ko.
Eyi edzi gblɔ be, “Daniel, mègavɔ̃ o. Tso ŋkeke gbãtɔ dzi esi nèɖo ta me be yease nu gɔme, abɔbɔ ye ɖokui ɖe yeƒe Mawu ƒe ŋkume la, wose wò gbedodoɖawo eye wò gbedodoɖawo ƒe ŋuɖoɖo tae meva ɖo. Ke esi megbɔna la, Persia fiaɖuƒe la ƒe dziɖula nɔ te, wɔ aʋa kplim ŋkeke blaeve-vɔ-ɖekɛ sɔŋ. Tete Mikael, mawudɔlawo ƒe amegã ɖeka va kpe ɖe ŋunye elabena wozi dzinye ɖe Persia fia gbɔ le afi ma. Azɔ la, meva be maɖe nu si ava dzɔ ɖe wò amea dzi le etsɔ me la na wò elabena ŋutega la ku ɖe nu siwo le ɣeyiɣi siwo le ŋgɔ la ŋuti.”
Esi wònɔ esiawo gblɔm nam la, metsyɔ mo anyi eye nye nu ku. Kasia, nane si le abe amegbetɔ ene la, ka asi nye nuyiwo ŋu, tete meke nye nu hede asi nuƒoƒo me. Megblɔ na ame si tsi tsitre ɖe gbɔnye la be, “Nye Aƒetɔ, vɔvɔ̃ ɖom le ŋutega la ta eye ŋusẽ vɔ le ŋunye. Nye Aƒetɔ, aleke nye wò dɔla, mate ŋu aƒo nu kpli wòe? Ŋusẽ vɔ le ŋunye eye gbɔgbɔtsixe hã tsi ƒonye.”
Nu si ɖi amegbetɔ la gaka asi ŋunye eye wòna ŋusẽ gaɖo ŋunye. Egblɔ nam be, “Mègavɔ̃ o, O, wò ame si ŋu wode asixɔxɔ gã aɖee. Ŋutifafa na wò! Ŋusẽ neɖo ŋuwò azɔ. Xɔ ŋusẽ.”
Esi wònɔ nu ƒom nam la, ŋusẽ ɖo ŋunye eye megblɔ be, “Nye Aƒetɔ, ƒo nu le esi nèna ŋusẽm ta.”
Ale wògblɔ nam be, “Ènya nu si ta meva gbɔwò ɖoa? Esusɔ vie matrɔ aɖawɔ avu kple Persia ƒe dziɖula eye ne medzo la, Grik ƒe dziɖula ava, gake gbã la, magblɔ nu si woŋlɔ ɖe Nyateƒegbalẽ la me. Ame aɖeke mekpe ɖe ŋunye le avuwɔwɔ kpli wo me o, negbe Amegã Mikael.
Le Midiatɔ, Darius ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me la, meɖoe ɖokuinye dzi be made megbe nɛ eye makpɔ eƒe agbe ta.
Dziehefiawo kple anyigbemefiawo
“Azɔ la, magblɔ nyateƒe la na wò. Fia etɔ̃ agava zi dzi le Persia, enelia akplɔ wo ɖo, ame si akpɔ hotsui wu fia siwo katã do ŋgɔ nɛ. Ne eva kpɔ ŋusẽ to eƒe hotsuikpɔkpɔ me la, ade adã ta me na amewo katã ɖe Grik fiaɖuƒe la ŋu. Emegbe fia sesẽ aɖe ava zi dzi, ame si aɖu fia kple asi sesẽ eye wòawɔ nu sia nu si adze eŋu. Ne eva zi dzi teti ko la, woagbã eƒe fiaɖuƒe la, amae ɖe dziƒoya eneawo dzi. Fiaɖuƒe la manɔ anyi na eƒe dzidzimeviwo alo wòawɔ ŋusẽ si le esi la ŋu dɔ o, elabena woaxɔ eƒe fiaɖuƒe la atsɔ ana ame bubuwo.
“Dziehefia akpɔ ŋusẽ ɖe edzi gake eƒe aʋafiawo dometɔ ɖeka akpɔ ŋusẽ wui gɔ̃ hã eye wòaɖu fia ɖe eya ŋutɔ ƒe fiaɖuƒe dzi kple ŋusẽ triakɔ. Le ƒe aɖewo megbe la, woanyi dzo. Dziehefia ƒe vinyɔnu ayi ɖe Anyiehefia gbɔ be yeado ka kplii gake ŋusẽ avɔ le esi eye fia la ŋutɔ kple eƒe ŋusẽ hã nu atso. Le ŋkeke mawo me la, woakplɔ fiavinyɔnu la, eŋumewo, fofoa kple eƒe dzoɖuxɔlɔ̃wo katã ade asi.
“Ke ame ado tso eƒe ƒome me axɔ ɖe eteƒe. Aho aʋa ɖe Anyiehefia ƒe aʋakɔwo ŋu eye wòage ɖe eƒe mɔ sesẽ la me awɔ aʋa kpli wo eye wòaɖu wo dzi. Axɔ woƒe mawuwo le wo si, woƒe gayibɔlegbawo kple woƒe nu vevi siwo nye klosalo kple sika eye wòatsɔ wo adzoe ayi Egipte. Ana gbɔdzɔe Anyiehefia ƒe aɖewo. Emegbe la, Anyiehefia ava dze Dziehefia ƒe nuto me dzi gake agbugbɔ ayi eya ŋutɔ ƒe dukɔ me. Viawo abla akpa na aʋawɔwɔ, woaƒo aʋakɔ gã aɖe nu ƒu woava ƒo ɖe wo dzi abe tsiɖɔɖɔ gã sẽŋu aɖe ene eye woawɔ aʋa la va se ɖe keke eƒe mɔ sesẽ la gbɔ.
“Tete Dziehefia atsɔ dziku helĩhelĩ awɔ aʋa kple Anyiehefia, ame si ava kple aʋakɔ gã aɖe gake woaɖu edzi. Dziehefia ayɔ fũu kple dada nenye be woɖe aboyo Anyiehefia ƒe aʋakɔwo eye woawu ame akpewo gake maɖu dzi ɖaa o, elabena Anyiehefia agbugbɔ aƒo aʋakɔ gã bubu nu ƒu si alolo wu gbãtɔ eye le ƒe geɖe megbe la, aho aʋa kple aʋakɔ gã si dzra ɖo nyuie.
“Le ŋkeke mawo me la, ame geɖewo atso ɖe Dziehefia ŋuti. Ame dzeaglã siwo le woawo ŋutɔ ƒe amewo dome la adze aglã le ŋutega la ƒe nya nu gake womaɖu dzi o. Ekema Anyiehefia ava ƒu kpo ɖe du la ŋu eye wòaxɔ du si woɖo gli sesẽ ƒo xlãe. Ŋusẽ manɔ Dzieheʋakɔwo ŋu be woaʋli o, eye woƒe kalẽtɔwo gɔ̃ hã maɖo ŋusẽ be woanɔ te o. Anyigbemeʋakɔwo awɔ nu si adze wo ŋu, ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe wo ŋu o. Ava ɖo eƒe fiaɖuƒe anyi ɖe Anyigba Nyui la dzi eye ŋusẽ anɔ esi be wòagblẽ nu. Adze agbagba be yeatsɔ yeƒe fiaɖuƒe la ƒe aʋakɔ la katã vɛ ahanyi dzo kple Dziehefia eye wòatsɔ via nyɔnu nɛ wòaɖe ale be wòate ŋu amu fiaɖuƒe la aƒu anyi gake eƒe tameɖoɖo sia madze edzi nɛ loo alo akpe ɖe eŋu o. Emegbe la, atrɔ ɖe ƒutaduwo ŋu eye wòaxɔ geɖeawo gake aʋafia aɖe ado si aɖo asi eƒe aglãdzedze la dzi eye wòatrɔ ɖe eya ŋutɔ ŋu. Esia megbe la, atrɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe anyigba ƒe mɔ sesẽwo ŋu gake akli nu adze anyi eye womagakpɔe akpɔ o.
“Ame si axɔ ɖe eteƒe la ana dugadzɔlawo natsa adzɔ ga be woalé fiaɖuƒe la ƒe atsyɔ̃ ɖe te. Ke le ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, woatsrɔ̃e, ke menye le dziku me loo alo le aʋagbedzi o.
“Ame ɖigbɔ̃ aɖe ava ɖu fia ɖe eteƒe, ame si womatsɔ fianyenye ƒe bubu na o. Ke ne ameawo nɔ anyi le dedinɔnɔ me bɔkɔɔ la, ava ƒo ɖe wo dzi le vo me le fiaɖuƒe la me eye wòaxɔe to ayemɔ dzi. Akplɔ aʋakɔ gã si gbagbã ɖe anyi la adzoe eye wòatsrɔ̃ aʋakɔ la kple nubabla la ƒe amegã siaa. Ne wonyi dzo kplii vɔ la, awɔ nu ayetɔe eye wòato ame ʋɛ siwo susɔ la dzi ava zi dzi. Ekema ne nuto si si nunɔamesiwo le fũu la kpɔ be wole dedie la, ava dze wo dzi le vo me eye nu si fofoawo alo tɔgbuiawo mete ŋu wɔ o la, eya awɔe. Ama nuhaha, afunyinuwo kple kesinɔnuwo na eyomedzelawo. Aɖo ta me ɖe mɔ sesẽwo gbagbã ŋu ɣeyiɣi kpui aɖe.
“Atsɔ aʋakɔ gã aɖe ade dzo eƒe ŋusẽ kple dzideƒo me ɖe Dziehefia ŋu. Dziehefia la akpe aʋa kplii kple aʋakɔ gã sesẽ dranyi aɖe gake mate ŋu anɔ te ɖe enu o, le nugbe si wòɖo ɖe eŋu la ta. Ame siwo ɖua nu le fia ƒe aƒe me la adze agbagba be yewoawui, woakplɔ eƒe aʋakɔwo adzoe eye ame geɖewo atsi aʋa. Fia eveawo, ame siwo ɖo nu vɔ̃ɖi kplikpaa ɖe woƒe dzi me la anɔ kplɔ̃ ɖeka ŋu, agblɔ alakpanyawo na wo nɔewo gake madze edzi o, elabena nuwuwu ava le ɣeyiɣi si woɖo la dzi. Anyiehefia atrɔ ayi eƒe anyigba dzi kple kesinɔnu geɖewo gake eƒe dzi atsi tsitre ɖe nubabla kɔkɔe la ŋu, agblẽ eme eye emegbe la, atrɔ ayi eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi.
“Ne ɣeyiɣi si woɖo, de la, agava adze Dziehenyigba dzi, ke emetsonu maganɔ nɛ fifia abe tsã ene o elabena, Kitimtɔwo ƒe ʋuwo atsi tsitre ɖe eŋu eye dzi aɖe le eƒo. Ekema atrɔ, aɖe dziku ɖe nubabla kɔkɔe la ŋu. Atrɔ agbɔ ava ve ame siwo gbe nu le nubabla kɔkɔe la gbɔ la nu.
“Eƒe asrafowo atsi tsitre ava gblẽ kɔ ɖo na gbedoxɔ la ƒe mɔ sesẽ la eye woaɖe gbe sia gbe vɔsawo ɖa. Emegbe woaɖo ŋunyɔnu si he gbegblẽ vɛ la anyi eye woatsɔ amenublenyawo agblẽ ame siwo da le nubabla la dzi, ke ame siwo nya woƒe Mawu la anɔ te, atsi tsitre ɖe eŋu ade goe.
“Nunyalawo afia nu ame geɖewo, togbɔ be le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, woatsi yi nu alo woatɔ dzo wo alo woalé wo loo alo aha wo hã. Ne wodze anyi la, woakpe ɖe wo ŋu vie eye ame geɖe siwo metoa nyateƒe o la aku ɖe wo ŋu. Nunyalawo dometɔ aɖewo akli nu, ale be woate ŋu atsɔ dzo alolõ wo, aɖe ɖiƒoƒo ɖa le wo me eye woawɔ wo dzadzɛe va se ɖe nuwuwu ƒe ɣeyiɣi la naɖo elabena nuwuwu la ava le ɣeyiɣi si woɖo ɖi la dzi.
Fia si do eɖokui ɖe dzi
“Fia la awɔ nu si adze eŋu. Ado eɖokui ɖe dzi eye wòawɔ eɖokui gãe wu mawu ɖe sia ɖe ale be wòagblɔ nya masekpɔwo ɖe mawuwo dzi Mawu la ŋuti. Nuwo adze edzi nɛ va se ɖe dziku ɣeyiɣiawo ƒe nuwuwu elabena ele be woawu nu si woɖo ɖi la nu. Made bubu aɖeke fofoawo ƒe mawuwo, ame siwo nyɔnuwo dina vevie loo alo ade bubu mawu bubu aɖeke ŋu o, ke boŋ akɔ eɖokui ɖe dzi wu wo katã. Le woawo teƒe la, ade bubu mɔ sesẽ la ƒe mawu ŋu, mawu si fofoawo menya o. Mawu sia ŋue wòatsɔ sika, klosalo, kpe xɔasiwo kple nunana xɔasiwo ade bubue. Ava dze mɔ sesẽtɔwo kekeakewo dzi to dzromawu aɖe ƒe kpekpeɖeŋu me eye wòade bubu gã aɖe ame siwo xɔe la ŋuti. Atsɔ wo aɖo amegãwoe ɖe ame geɖewo nu eye wòama anyigba la na wo woaxe fe ɖe eta.
“Ne eƒe nuwuwu ɖo vɔ la, Dziehefia akpe aʋa kplii eye Anyiehefia ava kpee kple tasiaɖamwo, sɔdosrafowo kple tɔdziʋumesrafowo ƒe ha gã aɖe. Ava dze dukɔ geɖewo dzi eye wòazɔ wo dzi abe tsiɖɔɖɔ ene. Ava dze Anyigba Nyui la hã dzi. Dukɔ geɖewo atsrɔ̃ gake woaɖe Edom kple Moab kple Amon ƒe dumegãwo tso eƒe asi me. Eƒe ŋusẽ akeke ɖe dukɔ geɖewo dzi. Egiptenyigba hã mato le eme o. Akeke ɖe Egipte ƒe sika, klosalo kple kesinɔnu veviwo nu eye Libiatɔwo kple Kustɔwo hã ana ta gake nyadzɔdzɔ siwo atso ɣedzeƒe kple anyiehe wòase la ado ŋɔdzi gã aɖe nɛ ale be wòaho kple dziku helĩhelĩ be wòagblẽ wo eye wòatsrɔ̃ geɖewo. Atu eƒe fiagbadɔ ɖe atsiaƒu kple to kɔkɔe nyui la dome. Ke hã la, eƒe nuwuwu aɖo eye ame aɖeke maxɔ nɛ o.”
Nuwuwuŋkekeawo
“Le ɣe ma ɣi me la, Mikael, mawudɔlawo ƒe amegã si dzɔa wò amewo ŋu la atso. Xaxaɣi si tɔgbi meva kpɔ o, tso dukɔwo ƒe gɔmedzedze va se ɖe ɣe ma ɣi la anɔ anyi. Ke le ɣe ma ɣi me, wo ame siwo ƒe ŋkɔwo woŋlɔ ɖe agbegbalẽ la me la akpɔ xɔxɔ. Ame gbogbo siwo le alɔ̃ dɔm le anyigba ƒe tume la anyɔ, ɖewo na agbe mavɔ, eye bubuawo na ŋukpe kple vlododo mavɔ. Nunyalawo aklẽ abe dziƒoŋunuwo ene eye ame siwo fiaa dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ ame geɖewo la hã aklẽ abe ɣletiviwo ene tegbetegbe. Ke wò, Daniel, dzra nya siawo ɖo eye nàtre lãgbalẽgbalẽ la me nyawo nu va se ɖe esime nuwuwu ƒe ɣeyiɣi la naɖo. Ame geɖewo ayi afii kple afi mɛ be yewoadzi yewoƒe nunya ɖe edzi.”
Tete nye, Daniel, mefɔ mo dzi eye, kpɔ ɖa, ame bubu eve le tsitre ɖe nye ŋkume, ɖeka le tɔsisi la ƒe go sia dzi eye evelia le go kemɛ dzi. Wo dometɔ ɖeka gblɔ na ame si do aklala biɖibiɖi ƒe awu eye wòle tsitre ɖe tɔsisi la tame be, “Va sa ɖe ɣe ka ɣi hafi nu manyatalenu siawo ava eme?”
Ŋutsu si do aklala biɖibiɖi ƒe awu eye wòle tsitre ɖe tɔsisi la tame la, do eƒe ɖusibɔ kple miabɔ ɖe dziƒo eye mese wòta ame si le agbe tso mavɔ me yi mavɔ me la gblɔ be, “Anye le ƒe ɖeka, ƒe eve alo ƒe afã megbe, nenye be woŋe ame kɔkɔeawo ƒe ŋusẽ mlɔeba la, ekema nu siawo katã ava eme.”
Mesee gake nyemese egɔme o. Ale mebiae be, “Nye Aƒetɔ, nu ka anye nu siawo ƒe metsonu?”
Eɖo eŋu nam be, “Daniel, heyi elabena wowu nyawo nu eye wotre wo nu va se ɖe esime nuwuwu ƒe ɣeyiɣi la naɖo. Woakɔ ame geɖewo ŋu, awɔ wo dzadzɛe, ɖiƒoƒo aɖeke manɔ wo ŋu o gake ame vɔ̃ɖiwo ya aganɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖi dzi ko. Ame vɔ̃ɖi aɖeke mase egɔme o gake nunyalawo ya ase egɔme.
“Tso esime wotsi gbe sia gbe ƒe vɔsawo nu, eye woɖo ŋunyɔnu si hea gbegblẽ vɛ te la, anye ŋkeke akpe ɖeka, alafa eve blaasiekɛ (1,290). Woayra ame si do dzi, eye wònɔ te va se ɖe ŋkeke akpe ɖeka, alafa etɔ̃ blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ (1,335) ƒe nuwuwu.
“Ke wò la, lé wò mɔ ɖe asi va se ɖe nuwuwu. Wò la, àdzudzɔ, eye le ŋkekeawo ƒe nuwuwu la, àtsi tsitre, eye nàxɔ domenyinu si nye wò gome.”