- Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020 Kolosetɔwo Paulo ƒe agbalẽ si wòŋlɔ na Kolosetɔwo Kolosetɔwo Kol Paulo ƒe agbalẽ si wòŋlɔ na Kolosetɔwo Nye, Paulo, ame si Mawu tia be wòanye Yesu Kristo ƒe dɔtsɔla kple nɔvi xɔsetɔ Timoteo gbɔe agbalẽ sia tso, Na Kristotɔ nuteƒewɔlawo kple Mawu ƒe ame siwo ŋu wokɔ le Kolose dua me. Mawu mía Fofo la ƒe ŋutifafa kple amenuveve nanɔ kpli mi. Gbedodoɖa kple akpedada Ɣe sia ɣi ne míele gbe dom ɖa ɖe mia ta la, míedzea egɔme kple akpedada na Mawu míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, elabena míese nu geɖe tso ale si miexɔ Yesu Kristo dzi se kple lɔlɔ̃ manyagblɔ si mietsɔ na eƒe ame kɔkɔewo katã la ŋu. Eye tso ŋkeke gbãtɔ si dzi wogblɔ nyanyui ƒe nyateƒe la na mi va se ɖe fifia la, mietsɔ xɔse kpɔ mɔ na dzidzɔ tso dziƒo. Ale miaƒe xɔse kple lɔlɔ̃ tso mɔkpɔkpɔ si wodzra ɖo na mi le dziƒo la me. Nyanyui si wogblɔ na mi la, eya ke gblɔm wole le xexea me godoo, eye wòle amewo ƒe agbenɔnɔ trɔm le afi sia afi, abe ale si wòtrɔ miaƒe agbenɔnɔ tso ŋkeke gbãtɔ si dzi miese nu tso Mawu ƒe amenuveve gã na vɔ̃ wɔlawo ŋu eye miese eme le nyateƒe me ene. Epafra míaƒe hadɔwɔla lɔlɔ̃ lae tsɔ nyanyui la vɛ na mi. Eyae nye Yesu Kristo ƒe subɔla vavã si le kpekpem ɖe mia ŋuti ɖe mía teƒe, eye eyae nye ame si gblɔ miaƒe lɔlɔ̃ le gbɔgbɔ me la fia mi. Eya ta tso gbe si gbe míese mia ŋkɔ zi gbãtɔ ko la, míedoa gbe ɖa ɖe mia ta ɣe sia ɣi, eye míebiaa Mawu be wòakpe ɖe mia ŋuti miase nu si wòdi be miawɔ la gɔme, eye wòawɔ mi mianye nunyalawo tso gbɔgbɔmenuwo ŋuti. Míegabiana hã be miaƒe agbenɔnɔ nadze Aƒetɔ la ŋu ɣe sia ɣi eye woade bubu eŋuti, ale be miatse ku le dɔ sia dɔ wɔwɔ nyuie me; eye mianya Mawu ɖe edzi wu. Míele gbe dom ɖa hã be Mawu ƒe ŋusẽ gã nayɔ mia me fũu ale be nu ka kee adzɔ hã la, miate ŋu agbɔ dzi ɖi, anɔ te sesĩe, eye Aƒetɔ la ƒe dzidzɔ nayɔ mia me taŋtaŋ ɣe sia ɣi. Eye be miada akpe na Fofo la, ame si wɔ mí be míedze na gomekpɔkpɔ le nu siwo kekeli la ƒe fiaɖuƒemetɔwo akpɔ gome le la me. Elabena eyae ɖe mí tso viviti ƒe ŋusẽ kple Satana ƒe fiaɖuƒe la me, eye wòkplɔ mí va Via lɔlɔ̃ la ƒe fiaɖuƒe mee; eyae wɔ mi ablɔɖeviwo, eye wòtsɔ míaƒe nu vɔ̃wo katã ke mí. Kristoe nye ta na nuwo katã Kristoe nye Mawu si míekpɔna o la ƒe nɔnɔme tututu. Eli hafi Mawu wɔ nu sia nu, eye le nyateƒe me la, Kristo ŋutɔe nye nu sia nu si le dziƒo kple anyigba dzi, nu siwo míekpɔna kple nu siwo míekpɔna o la siaa wɔla. Eya kee wɔ gbɔgbɔwo ƒe xexeme si míekpɔna o la, eƒe fiawo, fiaɖuƒewo, amegãwo kple woƒe ŋusẽwo. Kristo wɔ esiawo katã na eya ŋutɔ ƒe ŋu dɔ wɔwɔ kple ŋutikɔkɔe. Eli xoxoxo hafi nu sia nu va dzɔ, eye eƒe ŋusẽ lé xexemenuwo katã ƒo ƒu. Eye eyae nye ta na hame, si nye eƒe ŋutilã, eyae nye gɔmedzedzea kple ame siwo fɔ tso yɔ me ƒe ŋgɔgbetɔ, ale be le nu sia nu me la, wòanye gbãtɔ. Elabena Mawu di be nu sia nu si le ye me la nanɔ ye Vi hã me. Mawu to nu si Via wɔ me, ʋu mɔ be nu siwo katã le dziƒo kple anyigba dzi la nava eya ŋutɔ gbɔ, elabena Kristo to eƒe ku le atitsoga ŋuti me wɔ ŋutifafa le Mawu kple amewo katã dome to eƒe ʋu me. Ehe ŋutifafa sia vɛ na mi, ame siwo nɔ adzɔge tsã tso Mawu gbɔ la hã. Tsã la, mienye Mawu ƒe futɔwo, mielé fui, eye miaƒe susu vɔ̃wo kple vɔ̃wɔwɔwo na be mi kplii dome klã, gake azɔ la, egakplɔ mi va eɖokui gbɔe abe exɔlɔ̃wo ene. Kristo wɔ esia to eƒe ku me abe amegbetɔ ene, hekplɔ mi va Mawu ƒe ŋkumee; miele tsitre ɖe Mawu ŋkume ame maɖifɔwoe, eye naneke kura megale mia ŋuti si ana woaka mo na mi o. Nu ɖeka si ku ɖe nu sia ŋuti la koe nye be miaxɔ nyateƒe la dzi ase blibo, abe ame siwo gɔme woɖo anyi eye wole tsitre sesĩe ene, eye miagana woate mi ɖa tso nyanyui la ƒe mɔkpɔkpɔ si miese la gbɔ o. Esia nye nukunya kple nya si va na mi katã, eye wòle kakam ɖe xexe blibo la katã me fifia. Eye enye dzidzɔ na nye, Paulo, be masubɔ agblɔ nya sia na ame bubuwo. Ke nye dɔ ƒe akpa aɖee nye be makpe fu ɖe mia ta, eye enye dzidzɔ nam be wòle nenema, elabena mele kpekpeɖeŋu nam, be Kristo ƒe fu siwo wòkpe ɖe eƒe ŋutilã si nye eƒe hamea ta la nawu enu. Woɖe nya ɣaɣla la ɖe go Mezu hamea ƒe subɔla abe ale si Mawu dɔm abe xɔnuvi ene be mawu eƒe nya blibo la nu; nya ɣaɣla si wodzra ɖo tso gbe aɖe gbe ke na dzidzimewo, gake azɔ la, eɖee fia ame kɔkɔewo. Ame siawo Mawu lɔ̃ be yeana woanya yeƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnu ɣaɣlawo le ame siwo menye Yudatɔwo dome; nu ɣaɣla siae nye be Kristo le mia me si nye ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ. Eya ta afi sia afi si míeyina la, míeƒoa nu tso Kristo ŋuti na ame siwo katã le klalo be yewoaɖo to mí la. Míefiaa nu wo, eye míexlɔ̃a nu wo vevie abe ale si míate ŋui ene. Míedina be míakplɔ ame sia ame ayi Mawu ƒe ŋkume fɔɖiɖimanɔŋui, ɖe dɔ si Kristo wɔ na wo dometɔ ɖe sia ɖe la ta. Esiae nye nye dɔ, eye mate ŋu awɔe to Kristo ƒe ŋusẽ triakɔ si le dɔ wɔm le menye la ɖeɖe ko me. Adzɔ dzi nam ŋutɔ nenye be ɖe mianya ale si meʋlina ŋutɔ ɖe miawo kple ame siwo le Laodikea la kple nɔvi vevi bubu siwo menyam kura o la hã ta. Nu si mebia Mawu na mi lae nye be dzideƒo nanɔ mia si, eye lɔlɔ̃ ƒe ŋusẽ nabla mi ɖekae, ale be miate ŋu akpɔ mɔnu anya Kristo le kakaɖedzi me kple gɔmesese deto vavãtɔ, elabena Mawu ƒe ɖoɖo ɣaɣla si wòva ɖe fia mlɔeba lae nye Kristo ŋutɔ. Eya mee wòɣla nunya kple sidzedze ƒe kesinɔnuwo katã ɖo. Dedinɔnɔ si vana to agbenɔnɔ le Kristo Yesu me la me Mele nya siawo gblɔm na mi elabena mele vɔvɔ̃m be ame aɖe ate ŋu ava ble mi alo ado lã mi to eƒe aɖe ŋanɛ nyawo gbɔgblɔ na mi me. Togbɔ be nyemele mia gbɔ le ŋutilã me o hã la, mele mia gbɔ le gbɔgbɔ me. Mekpɔ dzidzɔ, elabena miele agbe nɔm nyuie, eye miaƒe xɔse hã le ŋusẽ kpɔm ɖe edzi le Kristo me. Azɔ abe ale si miexɔ Yesu Kristo, Aƒetɔ la dzi se be aɖe mi ene la, mixɔ se nenema ke le miaƒe gbe sia gbe ƒe nuwɔnawo me. Mili ke ɖe eya amea me blibo eye miaxɔ nunyiame tso egbɔ. Mikpɔ egbɔ be mietsi ɖe edzi le xɔse me. Mina dzidzɔ kple akpedada nayɔ miaƒe agbe me fũu ɖe nu gã siwo katã wòwɔ na mi la ta. Migana ame aɖeke nakplɔ mi ayi aboyo me to xexemenunya kple beble dzodzro me o. Wotu wo ɖe amegbetɔ ƒe nunya kple xexeme ƒe gɔmedzenuwo dzi, ke menye ɖe nu siwo Kristo gblɔ dzi o. Elabena Mawu ƒe blibonyenye la katã nɔ Kristo me le ŋutilã ƒe dzedzeme nu, eye blibonyenye sia yɔ mi fũu le Kristo si nye ta na ŋusẽwo kple dziɖulanyenyewo katã me. Eya amea me hã wotso aʋa na mi, le esime mieɖe miaƒe dzɔdzɔmenu vɔ̃ si nye ŋutilã la ɖa, menye kple aʋatsotso si wotsɔ asi tsoe o, ke esi wowɔ to Kristo me la boŋ. To mawutsideta me, mieku kplii, eye mietsi tsitre kplii to miaƒe xɔse si le Mawu ƒe ŋusẽ si fɔe tso ame kukuwo dome la me. Esime mienye ame kukuwo le dzidadawo me, eye mienye Yudaviwo o ta, Mawu na be miekpɔ gome le Kristo ƒe agbenɔnɔ me, elabena etsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ke mi, eye wòtutu nya si wotsɔ ɖe mia ŋuti la ɖa, vodada siawo nye eƒe se siwo dzi mieda le la. Etsɔ nu vɔ̃ siawo katã klã ɖe atitsoga ŋuti, eye wòɖe wo ɖa. To esia me la, eɖe gbɔgbɔwo ƒe dziɖuɖu kple ŋusẽ ɖa, eye wòdo ŋukpe wo le gaglãgbe, eye wòkpɔ dziɖuɖu ɖe wo dzi. Eya ta migana ame aɖeke naɖe ɖeklemi kpli mi le nu si mieɖuna alo nona ŋu loo, alo ale si miawo mieɖua Yudatɔwo ƒe azãwo, ŋkekenyuiwo, dzinu yeye ƒe wɔnawo kple Dzudzɔgbe ŋkekewo o la ta o. Elabena esiawo nye nu siwo gbɔna la ƒe vɔvɔli; ke nu la ŋutɔ le Kristo me va. Migana ame aɖeke nable mi be esi miegbe be yewomasubɔ mawudɔlawo abe ale si wogblɔ na mi ene o ta la, miele tsɔtsrɔ̃ ge o. Wogblɔna be yewokpɔ ŋutega, eye yewonya be ele be miasubɔ mawudɔlawo. Ame siawo nye dadalawo togbɔ be wogblɔna be yewonye ɖokuibɔbɔɖeanyilawo hã. Susu wɔnuku le wo si. Ke womeku ɖe Kristo si nye ta si ŋu mi ame siwo katã nye eƒe ŋutilã la ku ɖo la ŋu o, elabena eƒe lãmeka sesẽwo Mawu tsɔ bla mí ɖekae, eye míetea ŋu tsina, elabena míexɔa nunyiame kple ŋusẽ tso eya ɖeka ko gbɔ. Le nyateƒe me, esi mieku kple Kristo ta la, mievo tso nu si xexemetɔwo buna tso ɖeɖekpɔkpɔ ŋuti la ƒe asi me. Ne ele alea la, nu ka ta miegale wo wɔwɔ dzi, eye woƒe se mawo gabla mi ɖo? “Wobe migaɖu esi o! Migaɖɔ ekemɛ kpɔ o! Eye wobe migaka asi nuɖuɖu aɖewo ya ŋuti kura o!” Nu ka tae? Nu siawo katã le gbegblẽ ge to wo ŋuti dɔ wɔwɔ me le amewo ƒe sededewo kple nufiafiawo nu. Se siawo anya dze se nyuiwoe, elabena wonye se siwo hiã ameɖokuitsɔtsɔke kple ɖokuibɔbɔ blibo kpakple fuwɔwɔ ame ƒe ŋutilã, eye wo dzi wɔwɔ sesẽ, gake ŋusẽ aɖeke mele wo si be ame natsɔ aɖu eƒe susuwo kple dzodzro vɔ̃wo dzi o. Ɖeko wonana ame dana. Ɖoɖo na agbe dzadzɛ nɔnɔ Azɔ esi mietsi tsitre kple Kristo tso ku me ta la, midi nu siwo le dziƒo, afi si Kristo bɔbɔ nɔ anyi ɖo le Mawu ƒe ɖusime. Mina dziƒonuwo ŋuti bubu naxɔ miaƒe susuwo me; migagblẽ miaƒe ɣeyiɣiwo anɔ anyigbadzinuwo ŋuti bum o. Elabena mieku, eye wotsɔ mi kpakple Kristo ƒe agbe ɣla ɖe Mawu me. Ne Kristo si nye miaƒe agbe va do la, ekema miawo hã miado kpakplii le ŋutikɔkɔe me. Eya ta migbe nu le anyigbadzinu siwo yɔ fũu kple nu vɔ̃ la gbɔ; miwu didi vɔ̃ siwo le fiefiem le mia me. Migawɔ naneke si ku ɖe ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, fieŋuifieŋui, nudzodzro vɔ̃ kple ŋukeklẽ si nye trɔ̃subɔsubɔ o. Mawu ƒe dziku helĩhelĩ ava ame siwo wɔa nu siawo la dzi. Miewɔa nu siawo tsã esi mienɔ agbe abe xexemetɔ bubuwo ko ene, gake azɔ la, ɣeyiɣi la de na mi be miaɖe asi le nu siawo katã, siwo nye: dziku, dɔmedzoe, nu to vo wɔwɔ, busunya kple nya vlowo gbɔgblɔ ŋu. Migaka aʋatso na mia nɔewo o; elabena mieɖe agbe xoxo la kple eƒe nuwɔnawo ɖa. Azɔ la, miele agbe yeye nɔm, eye agbe yeye nɔnɔ sia na miele nu nyui wɔwɔ srɔ̃m gbe sia gbe le sidzedze me, be mianɔ ame si nye Wɔla la ƒe nɔnɔme me. Le agbe yeye sia nɔnɔ me la, Grikitɔ, Yudatɔ, aʋatsotsotɔ alo aʋamatsomatsotɔ, ŋkumaʋamaʋutɔ alo Skitiatɔ, kluvi alo ablɔɖevi megali o, ke boŋ wo katã nye kristotɔ, eye Kristo le wo katã me. Eya ta esi mienye Mawu ƒe ame tiatiawo kple ame kɔkɔewo kpakple lɔlɔ̃viwo ŋuti la, mido dɔmetɔtrɔ, nublanuikpɔkpɔ, ɖokuibɔbɔ, tufafa kple dzigbɔɖi ƒe awuwo na mia ɖokuiwo. Mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ mia nɔewo ƒe vodadawo ke wo. Miɖo ŋku ale si Aƒetɔ la tsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ke mii la dzi, eye miawo hã miatsɔ ake mia nɔewo nenema ke. Ƒo esiawo katã ta la, mina lɔlɔ̃ nafia ale si mianɔ agbee la mi, elabena esia ana be mianɔ anyi le ɖekawɔwɔ blibo me. Mina ŋutifafa si tso Kristo gbɔ la naɖu dzi le miaƒe dziwo kple agbenɔnɔ blibo katã me ɣe sia ɣi, elabena esia nye miaƒe dɔdeasi kple mɔnukpɔkpɔ abe ame siwo nye ŋutilã ɖeka ƒe ŋutinuwo ene. Eye mida akpe ɣe sia ɣi. Mina be Kristo ƒe nya la natso aƒe ɖe mia me le agbɔsɔsɔ me, esi miele nu fiam, le nu xlɔ̃m mia nɔewo kple Mawu me nunya. Midzi Psalmowo, hadzidziwo kple gbɔgbɔmehawo kple akpedada le miaƒe dziwo me na Mawu. Eye nu sia nu si miawɔ la, eɖanye le nya me alo nuwɔwɔ me o, miwɔ wo katã le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ me, eye miada akpe na Mawu Fofo la, to eya amea me. Ɖoɖo hena kristotɔwo ƒe aƒemegbenɔnɔ Mi srɔ̃nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na mia srɔ̃wo, elabena esia nye Aƒetɔ la ƒe ɖoɖo na mi. Eye mi srɔ̃ŋutsuwo hã la, milɔ̃ mia srɔ̃wo, eye mialé be na wo, eye migado dziku ɖe wo ŋuti alo ablu ɖe wo ta o. Mi ɖeviwo la, ele be miabu mia fofowo kple mia dadawo ɣe sia ɣi, elabena esiae dze Aƒetɔ la ŋu. Mi fofowo la, miganɔ nya hem ɖe mia viwo ŋuti ale gbegbe be dzi naɖe le wo ƒo be woadzudzɔ agbagbadzedze o. Mi kluviwo la, miɖo to miaƒe anyigbadziƒetɔwo ɣe sia ɣi; menye to ameŋkumenuwɔwɔ me o, ke boŋ miawɔe ɣe sia ɣi, ne miaƒe aƒetɔwo meli o hã. Miɖo to wo le dzimekɔkɔ kple Aƒetɔ la vɔvɔ̃ me. Mitsɔ kutrikuku kple dzidzɔ wɔ nu sia nu si wòle be miawɔ la, abe Aƒetɔ lae miele ewɔm na ene, eye menye abe miaƒe anyigbadziƒetɔwo miele ewɔm na ene o, esi mienya be miaxɔ domenyinyi tso Aƒetɔ la gbɔ abe fetu ene. Elabena Aƒetɔ Kristo ŋutɔe miele dɔ wɔm na. Ame sia ame si wɔ nu vɔ̃ la, axɔ eƒe nu vɔ̃ ƒe fetu, eye ameŋkumekpɔkpɔ aɖeke manɔ eme o. Mi aƒetɔwo la, ele be miawɔ nu si nyo, eye wòdze la ɖe miaƒe kluviwo ŋu. Miɖo ŋku edzi ɣe sia ɣi be miawo hã la, Aƒetɔ le mia si le dziƒo. Sedede bubuwo Mido vevi gbedodoɖa, minɔ ŋudzɔ, eye mida akpe na Mawu. Mido gbe ɖa ɖe míawo hã ta be Mawu naʋu agbo na míaƒe mawunyagbɔgblɔ be míaɖe gbeƒã Kristo ƒe nu ɣaɣlawo, esi ta mele ga me le afi sia ɖo. Mido gbe ɖa be magblɔe eme nakɔ abe ale si mate ŋui ene. Miwɔ mɔnukpɔkpɔ suetɔ kekeake ŋu dɔ ne miatsɔ aɖe gbeƒã nyanyui lae na ame bubuwo. Mizɔ le nunya me le miaƒe nuwɔnawo me. Mina amenuveve kple dze nanɔ miaƒe nuƒoƒo me, elabena to esia me ko miate ŋu akpɔ ŋuɖoɖo nyuitɔ na ame sia ame. Gbedoname vovovowo Tikiko, mía nɔvi lɔlɔ̃ la agblɔ ale si mele edzii la na mi. Enye nuteƒewɔla si subɔa Aƒetɔ la kplim. Medɔ dɔ tɔxɛ siae be wòava kpɔ ale si miele ɖa, eye be wòafa akɔ na mi, ade dzi ƒo hã na mi. Mele Onesimo, nɔvi lɔlɔ̃a kple nuteƒewɔla si nye mia detɔ la hã ɖom ɖe mi. Eya kple Tikiko woagblɔ nu siwo le dzɔdzɔm le afi sia fifia la na mi. Aristako, ame si le ga me kplim la do gbe na mi kple lɔlɔ̃; nenema kee nye Marko, Barnabas nɔvi. (Abe ale si megblɔ na mi kpɔ ene la, ne Marko va mia gbɔ la, mixɔe dzidzɔtɔe.) Yesu, si wogayɔna hã be Yusto la hã do gbe na mi nyuie. Ame siawo nye Yudatɔwo le nye dɔwɔhatiwo dome hele dɔ wɔm na mawufiaɖuƒe la, eye wònye akɔfafa gã aɖe nam. Epafra, mia dometɔ ɖeka, ame si nye Yesu Kristo ƒe dɔla hã do gbe na mi nyuie. Ele ʋiʋlim ɖe mia ta le gbedodoɖa me ɣe sia ɣi be mianɔ te sesĩe le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu blibo la me, atsi, eye miakpɔ kakaɖedzi blibo. Mate ŋu aka ɖe edzi na mi be ewɔ dɔ sesĩe ɖe mi kple kristotɔ bubu siwo le Laodikea kple Hierapoli la nu. Luka, Atikewɔla lɔlɔ̃ la kple Dema hã do gbe na mi nyuie. Mido gbe na nɔvi kristotɔ siwo le Laodikea nam. Mido gbe na Nimfa kple hame si kpea ta le eƒe aƒe me la nam. Nenye be miexlẽ agbalẽ sia vɔ la, mitsɔe ɖo ɖe Laodikea hame la hã woaxlẽ, eye miawo hã mixɔ agbalẽ si meŋlɔ ɖo ɖe wo la hã miaxlẽ. Migblɔ na Arkipo be, “Kpɔ egbɔ be nèwɔ subɔsubɔdɔ siwo katã Aƒetɔ la be nàwɔ.” Esia nye nye Paulo ŋutɔ ƒe gbedoname si meŋlɔ kple nye ŋutɔ nye asi. Miɖo ŋku dzinye le nye gaxɔmenɔnɔ me le afi sia. Mawu ƒe amenuveve nanɔ anyi kpli mi.