- Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020
Dɔwɔwɔwo
Apostolowo ƒe Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽ
Dɔwɔwɔwo
Dɔw
Apostolowo ƒe
Dɔwɔwɔwo
ƒe agbalẽ
Yesu ƒe dziƒoyiyi
O Teofilos, le nye agbalẽ gbãtɔ na wò me la, meŋlɔ nu tso nu siwo katã Yesu de asi wɔwɔ kple fiafia me va se ɖe ŋkeke si dzi wokɔe yi dziƒoe le esime wòde se na Apostolo siwo wòtia to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me vɔ megbe ŋu. Le eƒe fukpekpe, ku kple tsitretsitsi megbe la, eɖe eɖokui fia ame siawo, eye wòna kpɔɖeŋu geɖewo tsɔ ɖo kpe edzi na wo be yele agbe. Eɖe eɖokui fia wo le ŋkeke blaene sɔŋ me, eye wòƒo nu na wo tso mawufiaɖuƒe la ŋuti. Gbe ɖeka esi Yesu nɔ nu ɖum kple eƒe Apostolowo la, ede se na wo be, “Migadzo le Yerusalem o, ke boŋ milala va se ɖe esime miaxɔ Fofonye ƒe nunana si ŋugbe wòdo, nu si ŋu meƒo nu tsoe na mi xoxo, elabena Yohanes tsɔ tsi de mawutsi ta na amewo, gake le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, miawo ya la, woatsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la adee na mi.”
Esi Yesu kple apostoloawo gado go la, wobiae be, “Aleke, Aƒetɔ, ɖe nèle Israel dukɔ la ɖe ge tso Romatɔwo te, aɖoe te abe dukɔ nɔɖokuisi ene azɔa?”
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Fofo la ŋutɔe ɖo ŋkeke na nu siawo tɔgbi le eƒe ŋusẽ me, eye mehiã be miawo mianya ɣeyiɣi la kple ŋkeke la o. Gake miaxɔ ŋusẽ ne Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va mia dzi, eye mianye nye ɖaseɖilawo le Yerusalem, Yudea kple Samaria nutomewo katã kple xexea me ƒe seƒe ke.”
Le nya siawo gbɔgblɔ vɔ megbe teti ko la, Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔe yi dziƒo, esi nusrɔ̃lawo nɔ ekpɔm, eye wòbu ɖe wo le lilikpo la me. Wogawu mo dzi ganɔ dziƒo kpɔm esi wònɔ bubum ɖe lilia me. Kasia ame eve aɖewo siwo le awu ɣiwo me la va tsi tsitre ɖe wo xa. Ame eve siawo gblɔ na wo bena, “Mi Galilea ŋutsuwo, nu ka ta miegale tsitre ɖe afi sia le yame kpɔm gãa ale? Yesu si Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔ yi dziƒoe le mia gbɔ, agatrɔ agbɔ abe ale si tututu miekpɔe wokɔe yi dziƒoe ene.”
Matias tiatia
Le nyadzɔdzɔ siawo megbe la, Apostoloawo ɖi tso Amito la dzi, afi si nu siawo dzɔ le la hetrɔ va Yerusalem si didi abe agbadroƒe ɖeka ko ene. Esi wova ɖo Yerusalem la, woyi ɖanɔ xɔ si me wonɔna le dziƒoxɔ dzi la me. Apostolo siwo nɔ afi ma la woe nye:
Petro, Yohanes, Yakobo, Andrea;
Filipo kple Toma;
Bartolomeo kple Mateo;
Yakobo si nye Alfeo ƒe vi, Simɔn si wogayɔna be Zelote, Yuda si nye Yakobo ƒe vi.
Wonɔ gbedodoɖa dzi atraɖii kple nyɔnu siwo nɔ wo ŋu kpakple Yesu dada Maria kple Yesu nɔviŋutsuwo.
Le ŋkeke mawo me la, Petro tsi tsitre gblɔ na xɔsetɔ (siwo ƒe xexlẽme anɔ abe alafa ɖeka kple blaeve) ene la be, “Nɔviwo, ele be ŋɔŋlɔ si Gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔ to David dzi le blema ku ɖe Yuda ŋu la nava eme. Yuda siae fia Yesu yomemɔ. Enye mía dometɔ ɖeka si kpɔ gome le dɔ sia me kpli mí.”
(Yuda tsɔ ga si wòxɔ ɖe Yesu dede asi ta la ɖaƒle anyigba aɖe si dzi wòwu eɖokui le. Eti kpo tsɔ eɖokui xlã ɖe anyi, hewo to, eye eƒe dɔmenuwo kaka ɖe afi ma. Eƒe kunya sia kaka ɖe Yerusalem dua me kaba ŋutɔ ale wona ŋkɔ teƒe ma le wo degbe me be, Akeldoma si gɔmee nye Ʋunyigba.)
Petro gblɔ be, “Elabena woŋlɔe ɖi ɖe Psalmogbalẽ me be,
“ ‘Eƒe nɔƒe neɖi gbɔlo,
mègana be ame aɖeke neganɔ afi ma o,’
eye,
“ ‘Ame bubu naxɔ eƒe amekplɔdɔ awɔ.’ ”
Petro yi eƒe nuƒoa dzi be, “Azɔ la, ele be míatia ame bubu aɖe wòanɔ Yuda teƒe le mía dome. Ame si míatia la nanye ame si nɔ mía dome tso gɔmedzedzea esi Aƒetɔ Yesu nɔ anyi kpli mí, tso ɣeyiɣi si me Yohanes de mawutsi ta nɛ va se ɖe esime Mawu ƒe Gbɔgbɔ kɔe le mía gbɔ yi dziƒo. Wo dometɔ ɖeka nazu tsitretsitsi ƒe ɖaseɖila akpe ɖe mía ŋu.”
Ale ƒuƒoƒe la tɔ asi ame eve dzi. Ame siawoe nye, Yosef si woyɔna be Barsaba (ame si wogayɔna hã be Yusto), kple Matias, be woatia wo dometɔ ɖeka. Emegbe la, wodo gbe ɖa gblɔ be, “Aƒetɔ, wòe nya ame sia ame ƒe dzi me, eya ta fia ame si nètia le ame eve siawo dome mí be wòaxɔ Apostolonyenye ƒe dɔ sia ɖe Yuda teƒe, ame si gblẽ dɔ la ɖi heyi teƒe si dzee.”
Le esia megbe la, woda akɔ, eye wòdze Matias dzi, ale wotiae abe apostolo ene kpe ɖe ame wuiɖekɛ mamlɛawo ŋu.
Gbɔgbɔ Kɔkɔe kɔkɔ ɖe anyi le Pentekoste ŋkeke dzi
Esi Pentekoste ŋkekea ɖo la, nusrɔ̃lawo katã ƒo ƒu ɖe afi ɖeka. Kasia gbe sesẽ aɖe si le abe ya sesẽ ƒe ƒoƒo ene la ɖi tso dziƒo, eye wòyɔ aƒe si me wonɔ la taŋtaŋ. Enumake wokpɔ nane si ɖi dzo ƒe aɖewo la dze ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe tame, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ ame sia ame si le afi ma la me fũu, eye wode asi gbegbɔgblɔ bubu si womenya tsã o la gbɔgblɔ me abe ale si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la na ŋutete wo ene.
Le ɣe ma ɣi hã la, Yudatɔ mawuvɔ̃la geɖewo tso dukɔ vovovo siwo le dziƒo te la va Yerusalem be yewoaɖu ŋkeke tɔxɛ sia. Esi wose ɣli si nɔ ɖiɖim le afi si nusrɔ̃lawo nɔ la, ame geɖewo fũu ɖe abla va teƒea. Ame siawo ƒe nu ku ŋutɔ, elabena ame sia ame see wonɔ eƒe degbe gblɔm. Nu sia wɔ nuku na amedzroawo ale gbegbe be wogblɔ be, “Ame siawo katã ɖe, menye Galileatɔwo wonye oa? Ke aleke wɔ míese wole ame sia ame degbe gblɔm mahã? Mía dometɔ aɖewo nye Patiatɔwo, ɖewo nye Midiatɔwo kple Elamtɔwo, bubuwo hã tso Mesopotamia, Yudea, Kapadokia, Ponto kple Asia nutowo me. Ame aɖewo gɔ̃ hã tso keke Frigia, Pamfilia, Egipte kple Libia si le Kirene gbɔ, kple ame siwo nye amedzrowo tso Roma. Ɛ̃, ame aɖewo tso Roma gɔ̃. Ame siawo nye Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o, gake wotrɔ dzime xɔ Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ eye bubuwo hã nye Kretatɔwo kple Arabiatɔwo. Mía dometɔ ɖe sia ɖe se ame siawo le Mawu ƒe nukunu gãwo ƒe nya gblɔm le eya ŋutɔ degbe me!” Ameha la ƒe nu ku eye woƒe mo wɔ yaa le nyadzɔdzɔ sia ta, eye wobia wo nɔewo be, “Nu sia gɔme ɖe?”
Gake ame aɖewo ya nɔ ameha la dome nɔ fewu ɖum le apostoloawo ŋu be, “Ame siawo la, aha yeye womu.”
Petro ƒe mawunyagbɔgblɔ na ameha la
Azɔ la, Petro kple Apostolo wuiɖekɛawo tsi tsitre, eye Petro kɔ gbe dzi ƒo nu na amehawo be, “Nɔvi, Yudatɔwo, kple Yerusalem nɔlawo siaa, mina maɖe nu sia me na mi; miɖo to nyuie miase nu si magblɔ. Ame siawo memu aha abe ale si miesusui ene o. Elabena ŋdi ga asiekɛ koe ƒo. Ke boŋ nu si teƒe kpɔm miele ŋdi sia la nye nu si Nyagblɔɖila Yoel gblɔ ɖi xoxoxo ƒe alafa nanewoe nye esi va yi be,
“ ‘Le ŋkeke mamlɛawo me la, Mawu gblɔ be
makɔ nye Gbɔgbɔ ɖe amegbetɔƒomeawo katã dzi.
Esia ana be mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo agblɔ nya ɖi.
Hekpe ɖe esia ŋu la, mia viŋutsuwo akpɔ ŋutegawo,
eye ame tsitsiwo hã aku drɔ̃ewo.
Ɛ̃, matrɔ nye Gbɔgbɔ la akɔ ɖe nye subɔlawo katã dzi,
ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa,
matrɔ nye Gbɔgbɔ la akɔ ɖi le ŋkeke mawo me,
ale be woagblɔ nya ɖi.
Mana nukunuwo nadzɔ le dziŋgɔli me,
eye dzesiwo adze le anyigba dzi siaa
eye wòadze abe ʋu, dzo bibi kple dzudzɔ babla kɔtɔɔ ene.
Ɣe ado viviti,
eye ɣleti atrɔ zu
ʋu hafi Aƒetɔ la ƒe ŋkeke gã si nye atsyɔ̃ŋkeke la naɖo.
Ke ame sia ame si yɔa
Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa la akpɔ ɖeɖe.’ ”
Petro yi edzi gblɔ be, “Nɔvi Israeltɔwo, miɖo to miase! Mawu wɔ nukunuwo, dzesiwo kple nu dzɔtsuwo le mia dome to Yesu Nazaretitɔ la dzi be yeatsɔ aɖo kpe edzii be Yesu nye ye Vi vavã. Nu siawo katã le nyanya me na mi pɛpɛpɛ. Azɔ, abe ale si Mawu ŋutɔ wɔ ɖoɖo da ɖi xoxo ene la, eɖe mɔ na mi, mieto nu madzɔmadzɔ wɔlawo ƒe asi dzi, klã Yesu ɖe atitsoga ŋu eye miewui. Gake Mawu ŋutɔ gaɖe Yesu tso ku ƒe ŋɔdzi me, fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, elabena ku ƒe ŋusẽ mate ŋu aɖu Yesu dzi o. Fia David ƒo nu tso Yesu ŋu be,
“ ‘Mekpɔ Aƒetɔ la le gbɔnye ɖaa,
elabena ele nye nuɖusime,
eya ta nyemavɔ̃ o.
Esia ta nye dzi le dzidzɔ kpɔm,
eye nye aɖe le aseye tsom be nye ŋutilã anɔ agbe le mɔkpɔkpɔ me.
Elabena wò Mawu, màgblẽ nye luʋɔ ɖe tsiẽƒe alo ana wò
kɔkɔetɔ la ƒe ŋutilã nanyunyɔ o.
Èna menya agbemɔwo,
eye àtsɔ dzidzɔ ayɔ menye le ŋkuwò me.’ ”
Petro yi edzi be, “Nɔviwo, mɔ li be magblɔ nya na mi kple dzideƒo le tɔgbui David la ŋuti, be eku, eye woɖii, eƒe yɔdo le mía dome va se ɖe egbe. Ke enye nyagblɔɖila, eye enya be Mawu do ŋugbe matrɔmatrɔ da ɖi be David ƒe dzidzimevi ɖeka ava nɔ eƒe fiazikpui dzi aɖu fia. Gawu la, David kpɔ nu siwo ava dzɔ le ŋgɔgbea, eye wògblɔe ɖi le Kristo la ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome ŋu be eƒe luʋɔ matsi tsiẽƒe o, eye eƒe ŋutilã manyunyɔ o. Mawu fɔ Yesu sia ɖe tsitre tso ku me, eye mí katã míenye ɖasefowo na tsitretsitsi sia. Ke fifia la, Mawu do eya amea ɖe dzi, hetsɔe ɖo eƒe nuɖusime abe ale si Fofo la ŋutɔ do ŋugbee ene la, ena ŋusẽe be wòaɖo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe mía dome, eye eya ƒe dɔwɔnae nye nu siwo kpɔm miele kple nu siwo sem mìele fifia. Elabena David meyi dziƒo o, gake egblɔ be,
“ ‘Aƒetɔ la gblɔ na nye Aƒetɔ be:
“Nɔ anyi ɖe nye nuɖusime
va se ɖe esime matsɔ wò ketɔwo
awɔ wò afɔɖodzinu.” ’
“Eya ta mina ne Israel blibo la katã nanyae nyuie be Mawu wɔ Yesu sia, ame si miawo mieklã ɖe ati ŋu la, Aƒetɔ la kple Kristo la siaa.”
Esi wose nya siawo la, ewɔ dɔ ɖe wo dzi ale gbegbe be wo dometɔ aɖewo bia Petro kple apostolo bubuawo be, “Nɔviwo, nu ka wɔ ge míala?”
Petro ɖo eŋu na wo be, “Mitrɔ dzi me ne woade mawutsi ta na mi le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me, be woatsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi. Ekema miawo hã miaxɔ nunana sia, si nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la. Ŋugbedodo la nye miawo ŋutɔwo, mia viwo, ame siwo le adzɔge kple ame siwo katã Aƒetɔ mía Mawu la yɔ la tɔ.”
Petro tsɔ nya bubu geɖewo xlɔ̃ nu ameha la, eye wòƒoe ɖe wo nu be, “Miɖe mia ɖokuiwo tso dzidzime vɔ̃ɖi sia me.” Ame siwo xɔ Petro ƒe nyawo dzi se la, woanɔ abe akpe etɔ̃ ene, eye wode mawutsi ta na wo gbe ma gbe ke, eye wotsɔ wo kpe ɖe ha la ŋu.
Yerusalem hame la
Ame siawo kpena enuenu hena apostolowo ƒe nufiafia, habɔbɔ, Aƒetɔ ƒe nuɖuɖu kɔkɔe la ɖuɖu kple gbedodoɖa. Wo dometɔ ɖe sia ɖe nɔ anyi le vɔvɔ̃ tɔxɛ me, eye apostoloawo hã wɔ nukunu kple dzesi geɖewo wokpɔ. Xɔsetɔwo katã nɔ teƒe ɖeka, wowɔ woƒe nuwo katã hamenui, wotsɔ woƒe kesinɔnuwo kple nunɔamesiwo dzra, eye woma ga la na ame sia ame ɖe eƒe hiahiã nu. Wokpea ta ɖe gbedoxɔ la me gbe sia gbe hesubɔa Mawu. Wodoa go le wo nɔewo ƒe aƒewo me hã heɖua Aƒetɔ la ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la. Woɖua nu ɖekae le dzidzɔ kple dzimekɔkɔ me, eye wonɔa Mawu kafum ɖaa, hekpɔa amenuveve le amewo katã gbɔ. Ke Aƒetɔ la tsɔa ame siwo kpɔ xɔxɔ la kpena ɖe wo ŋuti gbe sia gbe.
Petro da gbe le tekunɔ aɖe ŋu
Gbe ɖeka le ɣetrɔ ga etɔ̃ me la, Petro kple Yohanes woyina gbedoxɔ la me be yewoado gbe ɖa abe ale si wowɔnɛ ɖaa ene. Esi woɖo gbedoxɔ la gbɔ la, wokpɔ ŋutsu tekunɔ aɖe si wokɔ va da ɖe gbedoxɔ la ƒe agbo si woyɔna be, “Agbo Nyui” la nu. Amea nye tekunɔ tso eƒe dzɔdzɔme ke, eye gbe sia gbe la, wokɔnɛ va dana ɖe agbo sia nu be wòabia nu le ame siwo yina gbedoxɔ me la si. Esi wòkpɔ Petro kple Yohanes woyina ɖe gbedoxɔa me la, edo ɣli bia wo be woana ga ye.
Petro kple Yohanes trɔ kpɔe dũu, eye Petro gblɔ nɛ be, “Fɔ ta dzi nàkpɔ míaƒe ŋkume.”
Ke tekunɔ la fɔ ŋku ɖe wo dzi gãa henɔ mɔ kpɔm be woana nane ye. Petro gblɔ nɛ be, “Nɔvi, klosalo kple sika mele asinye o, ke nu si le asinye lae mana wò. Le Yesu Kristo, Nazaretitɔ la ƒe ŋkɔ me, tsi tsitre nàzɔ azɔli.”
Ale Petro do asi ɖa lé tekunɔ la ƒe alɔnu be wòatsi tsitre. Kasia tekunɔ la kpɔ be ŋusẽ ɖo yeƒe afɔ kple drikame ŋu. Ale wòti kpo, tsi tsitre hede asi azɔlizɔzɔ me. Enɔ kpo tim, nɔ zɔzɔm alea henɔ Mawu kafum, eye wòdze Petro kple Yohanes yome ge ɖe gbedoxɔ la me.
Ame siwo katã kpɔ ame sia wònɔ zɔzɔm, nɔ Mawu kafum la de dzesii be eyae nye ŋutsu ma si nɔa nu biam le gbedoxɔ la ƒe agbo si woyɔna be “Agbo Nyui” la nu; Woƒe nu ku, eye woƒe mo wɔ yaa le nu si dzɔ ɖe edzi la ta.
Petro gblɔ mawunya na ame siwo le gbedoxɔ la me
Ŋutsu si woyɔ dɔe la mía eɖokui ɖe Petro kple Yohanes ŋu kplikplikpli va ge ɖe gbedoxɔ la ƒe akpa si woyɔna be, Solomo ƒe Akpata la me, eye ameha la ƒo zi va wo gbɔ eye woƒe nu ku.
Esi Petro kpɔ esia la, egblɔ na wo be, “Israeltɔwo, nu ka ta nuwɔna sia wɔ nuku na mi? Nu ka ta mile mía kpɔm abe míawo ŋutɔ ƒe ŋusẽ alo míaƒe kɔkɔenyenye tae míete ŋu da gbe le ame sia ŋu, ale be wòte ŋu le zɔzɔm ɖo mahã?” Medi be eme nakɔ na mi nyuie be Mawu si nye Abraham, Isak, Yakob kple mía tɔgbuitɔgbuiwo ƒe Mawu lae da gbe le ame sia ŋu be yeatsɔ ade bubu eƒe subɔla Yesu ŋu. Yesu si miede asi hegbe nu le egbɔ le Pilato ŋkume, togbɔ be Pilato dze agbagba ale gbegbe be yeaɖe asi le eŋu hafi. Miegbe nu le dzɔdzɔetɔ la kple kɔkɔetɔ la gbɔ eye miebia be wòaɖe asi le hlɔ̃dola ŋu boŋ. Ɛ̃, miewu ame si nye Agbenala la gake Mawu fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome. Míawo la, míenye esia ƒe ɖaseɖilawo.
“Le Yesu ƒe ŋkɔ me, to xɔse me tekunɔ sia, ame si miekpɔ, eye mienya nyuie la kpɔ dɔyɔyɔ. Yesu ƒe ŋkɔ kple xɔse si vana to eƒe ŋkɔ me lae na dɔyɔyɔ bliboe abe ale si mi katã miele ekpɔm ene.
“Azɔ nɔviwo, menya be nu si miewɔ ɖe Yesu ŋu la, mienya hafi wɔe o. Nenema kee nye mia nunɔlawo hã. Ke to wɔna siawo me la, Mawu na be nu siwo nyagblɔɖilawo gblɔ da ɖi be ele be Kristo la nakpe fu nenema la va eme. Ke azɔ la, nɔviwo, mitrɔ dzi me, miatrɔ ɖe Mawu ŋu, be wòatutu miaƒe nu vɔ̃wo ɖa, eye miaxɔ fafa tso aƒetɔ la gbɔ, ne wòaɖo Kristo si nye Yesu, ame si wòtia na mi la ɖe mi. Ɛ̃, abe ale si nyagblɔɖila kɔkɔewo gblɔe da ɖi xoxoxo ene la, ele be Yesu nanɔ dziƒo va se ɖe esime Mawu naɖɔ nu sia nu ɖo keŋkeŋkeŋ. Mose hã gblɔe xoxo be, ‘Ɣeyiɣi gbɔna, esi Yehowa wò Mawu ŋutɔ aɖo nyagblɔɖila tɔxɛ aɖe ɖe mia dome, tso mia nɔviwo dome abe nye Mose pɛpɛpɛ ene. Anyo na mi be miaɖo to nu sia nu si wòagblɔ na mi, elabena woatsrɔ̃ ame sia ame si mase eƒe gbe, awɔ ɖe edzi o la le eƒe amewo dome.’
“Vavã nyagblɔɖilawo katã, tso Samuel ŋɔli va ɖo fifia hã ƒo nu tso nu siwo le dzɔdzɔm egbegbe la ŋu. Miawoe nye nyagblɔɖila siawo ƒe dzidzimeviwo, eye nu si Mawu bla kple mia tɔgbuiwo la, miawo hã miele eme. Mawu bla nu kple Abraham be, ‘Woayra xexea me blibo la to wò dzidzimeviwo dzi.’ Le nubabla sia ta, esi Mawu ɖo eƒe dɔla ɖe xexea me la, eɖoe ɖe mia gbɔ gbã be wòayra mi, miadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, atrɔ va Mawu gbɔ.”
Petro kple Yohanes le ʋɔnudrɔ̃ƒe ŋkume
Esi Petro kple Yohanes wonɔ nu ƒom na ameawo alea la, nunɔlawo kple gbedoxɔŋudzɔlawo ƒe amegã kple Zadukitɔwo dometɔ aɖewo va do ɖe wo dzi. Petro kple Yohanes wonɔ gbeƒã ɖem be Yesu gagbɔ agbe tso ame kukuwo dome si fia be ame kukuwo ƒe tsitretsitsi aɖe li. Enye nu si medzɔ dzi na wo kuraa o. Eya ta wolé Petro kple Yohanes, gake esi fiẽ ɖo xoxo ta la, wokplɔ wo ame eve la de gaxɔ me be woadɔ afi ma ŋu nake. Togbɔ be edzɔ alea hã la, ame geɖe siwo se Petro kple Yohanes ƒe nyagbɔgblɔ gbe ma gbe la xɔe se hetrɔ dzi me, eye wozu xɔsetɔwo. Ale xɔsetɔwo katã ƒe xexlẽme anɔ abe akpe atɔ̃ ene.
Esi ŋu ke la, dziɖulawo, amegãwo kple agbalẽfialawo kpe ta le Yerusalem. Takpekpea me nɔla aɖewo nye Anas si nye nunɔlagã, Kayafa, Yohanes, Aleksandro kple nunɔlagã ƒe ƒometɔ aɖewo. Wokplɔ Petro kple Yohanes va woƒe ŋkumee. Takpekpea me nɔlawo bia Petro kple Yohanes be, “Ame ka ƒe mɔɖeɖe alo ŋkɔ mee miewɔ nu sia?”
Gbɔgbɔ Kɔkɔe la do ŋusẽ Petro, eye wòɖo eŋu na wo be, “Dziɖulawo kple dumegãwo! Ne miele gbe biam mí egbe ku ɖe dɔmenyo si míewɔ na tekunɔ sia ta be míagblɔ ale si wòwɔ haya la, ekema minyae kɔtɛe, mi kple Israeltɔwo katã, be le Yesu Kristo Nazaretitɔ, ame si miawo mieklã ɖe ati ŋuti, ame si Mawu fɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la ƒe ŋkɔ mee ame si le tsitre ɖe mia ŋkume la kpɔ dɔyɔyɔ le. Eyae nye,
“ ‘Kpe si mi xɔtulawo miegbe la,
eya kee trɔ zu dzogoedzikpe.’
Yesu ɖeka pɛ ko dzi ame sia ame ato hafi akpɔ xɔxɔ, elabena ŋkɔ bubu aɖeke mele dziƒoa te si wona amegbetɔwo, esi me wòle be míakpɔ xɔxɔ la le o.”
Esi takpekpea kpɔ Petro kple Yohanes ƒe dzideƒo, evɔ wonye ame gbɔlo siwo menya agbalẽ o la, woƒe mo wɔ yaa, eye wode dzesii be ame siawo nɔ Yesu ŋu va yi. Gawu la, esi wònye be tekunɔ si ŋu woda gbe le hã nɔ tsitre ɖe wo dome ta la, nya aɖeke megale wo si woagblɔ o. Le esia ta la, wona wokplɔ Petro kple Yohanes do goe le xɔa me, ale be woate ŋu akpɔ mɔnu ade adaŋu le wo ŋu.
Azɔ Takpekpea me nɔlawo bia wo nɔewo be, “Nu ka tututu míawɔ ame eve siawo? Enye nyateƒe matrɔmatrɔ be woda gbe le tekunɔ sia ŋu vavã eye nukunu sia ɖi hoo le Yerusalem du blibo la me eye míate ŋu asẽ nu o. Gake be womegakaka woƒe nya si gblɔm wole o la, mina míayɔ wo agbe na wo be womekpɔ mɔ agagblɔ nya alo afia nu ame aɖeke le Yesu ƒe ŋkɔ me o.” Ale wogayɔ Petro kple Yohanes va wo dome, eye wode se na wo vevie be yewomedi be yewoagasee alo akpɔ wo woanɔ nu fiam tso Yesu ŋu le teƒe aɖeke kura o.
Ke Petro kple Yohanes ɖo eŋu gblɔ na wo be, “Miawo ŋutɔwo mibu eŋu kpɔ be enyo le Mawu gbɔ be míase amegbetɔ ƒe gbe, agbe eya Mawu ƒe gbedziwɔwɔ hã? Asesẽ na mí ŋutɔ be míadzudzɔ nuƒoƒo le nu siwo míekpɔ kple esiwo míese la ŋu o.”
Esi takpekpea me nɔlawo gaklẽ ŋku de wo hede se na wo vevie la, wona wodzo. Ʋɔnua menya tohehe si tututu woatsɔ na wo o, elabena ameawo katã nɔ Mawu kafum le nu si dzɔ la ta. Elabena tekunɔ si ŋuti woda gbe le nukunutɔe la xɔ ƒe wu blaeve gɔ̃ hã.
Hametɔwo ƒe gbedodoɖa
Esi woɖe asi le Petro kple Yohanes ŋu teti ko la, woti wo tɔ nusrɔ̃lawo bubuawo yii ɖagblɔ nu siwo katã nunɔlagãwo kple amegãwo gblɔ la na wo. Enumake wo katã woƒo ƒu do gbe ɖa na Mawu hegblɔ be, “O Aƒetɔ Ŋusẽkatãtɔ, wò ame si wɔ dziƒo, anyigba, atsiaƒu kple nu siwo katã le eme. ȃo nu to Gbɔgbɔ kɔkɔe la dzi, to mía fofo David, wò dɔla dzi be,
“ ‘Nu ka ta dukɔwo do dziku ɖe Mawu ŋu,
eye amewo le bablawo wɔm dzodzro ɖo?
Ɛ̃, Anyigbadzifiawo wɔ ɖeka,
eye dziɖulawo bla nu ɖe Aƒetɔ la
kple eƒe Amesiamina la ŋu.’
Elabena vavã, Fia Herod kple Pontio Pilato kple ame siwo menye Yudatɔwo o la katã kple Israelviwo gɔ̃ hã le du sia me wɔ ɖeka hetsi tsitre ɖe Viwò Yesu, wò dɔla kɔkɔe si nèsi ami na la ŋu. Ke nu si wò ŋutɔ nèɖo da ɖi le wò nunya kple ŋusẽ me xoxo la ko ate ŋu adzɔ. Azɔ míaƒe Mawu, wò ŋutɔ se ale si wole kakam ɖe mía ŋue la ɖa! Na dzideƒo blibo mí wò subɔlawo be míate ŋu agblɔ wò nya la kple dzideƒo. Do wò asi ɖa be míate ŋu ada gbe le dɔnɔwo ŋu, awɔ nukunu gãwo le wò dɔla Kɔkɔe, Yesu, ƒe ŋkɔ me.”
Esi wodo gbe ɖa vɔ alea la, xɔ si me wonɔ la ʋuʋu sesĩe. Wo katã yɔ fũu kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, eye wogblɔ Mawu ƒe nya la kple dzideƒo gã blibo.
Hametɔwo wɔ nu sia nu hamenue
Xɔsetɔ siawo katã ƒe dziwo kple susuwo nɔ ɖeka. Wo dometɔ aɖeke mebuna be nu si le ye si la nye ye ɖeka ko tɔ o, ke boŋ womaa nuwo ɖe wo nɔewo dome. Apostolowo kpɔ ŋusẽ gblɔ mawunya detowo, heɖe gbeƒã Aƒetɔ Yesu ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome, eye amenuveve gã le wo katã dzi. Hiãtɔ aɖeke menɔ wo dome o, elabena enuenu ame siwo si anyigbawo alo aƒewo nɔ la tsɔ wo dzra, eye ga home si wokpɔ la, wotsɔnɛ va dana ɖe apostoloawo ƒe afɔ nu eye womanɛ na amewo le woƒe hiahiã nu.
Yosef, Levitɔ, ame si wodzi le Kipro, eye apostoloawo yɔna hã be Barnabas (si gɔmee nye “dzideƒovi la”), dzra eƒe agble hetsɔ ga la katã vɛ na apostoloawo.
Anania kple Safira
Ŋutsu aɖe si woyɔna be Anania kple srɔ̃a Safira hã dzra woƒe nunɔamesi aɖe, ke Anania tsɔ ga la ƒe ɖe dzra ɖo hafi tsɔ mamlɛa vɛ na apostoloawo, nu si le nyanya me na srɔ̃a, Safira hã.
Ke Petro biae be, “Anania, nu ka ta Satana xɔ aƒe ɖe wò dzi me ale, be nèda alakpa na Gbɔgbɔ kɔkɔe la, eye nètsɔ ga si nèdzra anyigba lae ƒe ɖe dzra ɖo? Ɖe anyigba la menye tɔwò hafi nèdzrae oa? Eye esi nèdzrae la, ɖe ga la menye tɔwò oa? Nu kae wɔ wò be nèɖe afɔ sia? Menye amegbetɔe nèda alakpa na o, ke boŋ Mawue.”
Esi Anania se nya sia teti ko la, emu dze anyi enumake heku. Vɔvɔ̃ gã aɖe ɖo ame siwo katã se nu si va dzɔ la. Ke ɖekakpui siwo nɔ teƒea la tsɔ avɔ bla ɖe eŋu, eye wokɔe do goe yi ɖaɖi.
Abe gaƒoƒo etɔ̃ megbe ene la, Anania srɔ̃, Safira hã va ɖo. Eya menya nu si dzɔ ɖe srɔ̃a dzi o. Petro biae be, “Safira, gblɔe nam, ga home siae wò kple Anania miexɔ tso anyigba si miedzra la mea?”
Safira ɖo eŋu na Petro be, “Ɛ̃, ho mae míexɔ.”
Petro gblɔ na Safira be, “Nu ka ta mi kple srɔ̃wò, Anania, miewɔ ɖeka be yewoate Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ kpɔ mahã? Kpɔ ɖa ɖekakpui siwo ɖi srɔ̃wò ƒe kukua la, woawoe nye ema le xɔa mɔnu le wò hã lalam ne woakɔ wò hã ayii.”
Enumake Safira hã mu dze anyi heku ɖe Petro ƒe afɔ nu eye esi ɖekakpuiawo va kpɔ eƒe kukua le anyigba la, wokɔ eya hã ɖaɖi ɖe srɔ̃a xa. Nyadzɔdzɔ sia de vɔvɔ̃ gã aɖe hame blibo la kple ame siwo katã see la me.
Apostoloawo yɔ dɔ ame geɖewo
Le ɣeyiɣi siawo me la, apostoloawo ƒoa ƒu edziedzi ɖe gbedoxɔ ƒe akpa si woyɔna be “Solomo ƒe Akpata” la me, eye wonɔa dzesi kple nukunu geɖewo wɔm le afi ma. Ame geɖewo metea ŋu doa dzi tena ɖe apostoloawo ŋu o, ke hã la, ame sia ame tsɔ bubu tɔxɛ blibo na wo. Ame geɖewo ŋutɔ, ŋutsuwo kple nyɔnuwo xɔ Aƒetɔ la dzi se, eye woge ɖe hame la me. Ɖe apostoloawo ƒe nukunuwo wɔwɔ ta la, amewo kɔa dɔnɔwo dana ɖe abawo kple abatiwo dzi le mɔwo to be ne Petro va yina la, eƒe vɔvɔli nadze ɖe wo dzi. Zi gã aɖe tɔ le du siwo ƒo xlã Yerusalem la me, eye amewo kɔ woƒe dɔnɔwo kple ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la vɛ, eye woda gbe le wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu.
Woti Apostoloawo yome
Ke nunɔlagã la kple eŋume siwo tso Zadukitɔwo ƒe kɔ aɖe me la yɔ fũu kple ŋuʋaʋã. Ale wolé apostoloawo de gaxɔ me.
Ke le zã me la, mawudɔla aɖe va apostoloawo gbɔ le gaxɔa me. Eʋu gaxɔ la ƒe agbowo, eye wòkplɔ wo do goe. Egblɔ na wo be, “Miyi gbedoxɔ la me, eye miagblɔ agbe yeye sia ƒe nya na ameawo.”
Esi ŋu ke la, apostoloawo va ɖo gbedoxɔ la me abe ale si wogblɔ na wo la ene, eye wodze nufiafia ameawo gɔme.
Sẽe ko la, nunalɔgã la kple eŋumewo hã va ɖo gbedoxɔ la me. Woyɔ Israel ƒe takpekpe gã me nɔlawo ƒo ƒu ɖe woƒe takpeƒe, eye wodɔ asrafoawo be woaɖakplɔ apostoloawo tso gaxɔ la me vɛ ne yewoadrɔ̃ ʋɔnu wo. Ke esi asrafoawo yi la, womekpɔ apostoloawo le gaxɔ la me o, ale wotrɔ ɖagblɔ na takpekpea me nɔlawo be, “Esi míede la, míekpɔ gaxɔ ƒe agboawo nɔ tutu goŋgoŋ. Asrafowo nɔ tsitre ɖe agboa nu pɛpɛpɛ, gake esi míeʋu ʋɔa hege ɖe eme la, míekpɔ ame aɖeke le teƒea o.”
Nya sia ʋuʋu gbedoxɔdzikpɔlawo ƒe amegã kple nunɔlagãwo ŋutɔ, eye woƒe dzi gbã. Womenya nu si tututu ava dzɔ ɖe esia yome o, eye womenya ɣe ka ɣi tututu hã nu siawo nu ava yi o. Ke ame aɖe va gblɔ na wo be ame siwo wolé de gaxɔ me la woe nye emawo le nya gblɔm na ameawo ŋusẽtɔe le gbedoxɔ la me.
Enumake asrafowo ƒe amegã kplɔ etevi aɖewo ɖe asi, eye woyi ɖalé apostoloawo. Asrafoawo kpɔ egbɔ be yewomelé wo sesẽtɔe o, elabena wonɔ vɔvɔ̃m be ne yewowɔ esia la, ɖewohĩ ameha gã si le afi ma la aƒu kpe yewo. Wokplɔ apostoloawo va ʋɔnudrɔ̃ƒe la ƒe ŋkume be nunɔlagã nabia gbe wo.
Ebia wo be, “Menye ɖe míede se na mi vevie be miagafia nu le ŋkɔ sia me azɔ oa? Ke azɔ kura boŋ miekaka míaƒe nufiafia ɖe Yerusalem du blibo la me, eye mieɖoe kplikpaa be yewoatsɔ ame sia ƒe ku aɖo mía dzi!”
Petro kple apostoloawo gblɔ be, “Ele na mí be míawɔ ɖe Mawu ƒe gbe dzi ke menye ɖe amegbetɔ tɔ dzi o. Mía fofowo ƒe Mawu la fɔ Yesu tso ku me, eya ame si mina woklã ɖe ati ŋuti. Eya Mawu do ɖe dzi ɖe eƒe ɖusime be wòanye Fiavi kple Ɖela, be wòahe dzimetɔtrɔ kple nu vɔ̃ tsɔtsɔke vɛ na Israel. Míawo ŋutɔ míekpɔ nu siawo teƒe kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe si Mawu naa ame siwo wɔa eƒe gbe dzi la hã.”
Esi wose esia la, eku dzi na wo vevie, eye woɖo be yewoawu apostoloawo.
Gamaliel ƒe aɖaŋu
Ke Farisitɔ aɖe le wo dome si ŋkɔe nye Gamaliel, enye agbalẽfiala hã, eye amewo katã dea bubu eŋu. Etsi tsitre le takpekpea me gblɔ be woaɖe kpɔ apostoloawo vie.
Azɔ Gamaliel trɔ ɖe etɔwo gbɔ gblɔ na wo be, “Israeltɔwo, mikpɔ nyuie le ɖoɖo si wɔm miele ɖe ame siawo ŋu la ŋuti. Ɣeyiɣi aɖe va yi la, Teuda aɖe va do ɖe mía dome, eye wòwɔ eɖokui hlodzoo be yenye amegã aɖe. Ame abe alafa ene sɔŋ dze eyome. Ke nu kae va dzɔ? Wowu eya ŋutɔ, eye eyomedzelawo katã kaka gbẽe, eye nu nyui aɖeke medo tso eme o. Le eya megbe la, ame bubu hã gava do le amexexlẽŋkekewo me. Ame sia nye Yuda si tso Galilea. Eya hã dze agbagba he amewo ɖe eɖokui ŋu abe eƒe nusrɔ̃lawo ene, gake eya hã va ku eye eyomedzelawo kaka.”
Gamaliel yi edzi be, “Tɔnyetɔwo, aɖaŋu si medi be maɖo na mie nye be miɖe asi le ame siawo ŋu kpoo. Ne wònye woawo ŋutɔ ƒe nufiafia kakam wole la, ekema eteƒe madidi o la, nu sia nu awu enu. Gake nenye Mawu ƒe dɔ wɔm wole vavã la, ekema miate ŋu atsi enu gbeɖe o. Gawu la, ne miekpɔ nyuie o la, miakpɔ be yewole kame tem kple Mawu.”
Takpekpea me nɔlawo xɔ Gamaliel ƒe aɖaŋu sia ale woyɔ apostoloawo vɛ, eye woƒo wo. Emegbe la, wode se na wo be womegagblɔ nya aɖeke le Yesu ƒe ŋkɔ me gbeɖe o, eye woɖe asi le wo ŋu.
Apostoloawo ɖe abla do go le takpexɔa me kple dzidzɔ blibo be wodo ŋukpe yewo le Yesu ƒe ŋkɔ ta. Azɔ tso ŋkeke yi ŋkeke, wonɔa gbedoxɔ la ƒe akpata me, nɔa nu fiam, eye nenema ke wowɔna tso aƒe me yi aƒe me, eye womedzudzɔ nufiafia o, ke boŋ wonɔ gbeƒã ɖem nyanyui la, be Yesue nye Kristo la.
Kpekpeɖeŋunala adreawo tiatia
Esime xɔsetɔawo ƒe xexlẽme va nɔ dzidzim ɖe edzi atraɖii ta la, liʋĩliʋĩlilĩ aɖewo va nɔ ta dom ɖa le wo dome. Xɔsetɔ siwo doa Grikigbe la tsɔ nya ɖe xɔsetɔ siwo doa Hebrigbe la ŋuti be ne wole gbe sia gbe nuɖuɖu nam la, sue aɖe koe wonaa ahosi siwo doa Grikgbe. Le esia ta la, apostolo wuieveawo ƒo xɔsetɔwo katã nu ƒu hegblɔ na wo be, “Nɔviwo, mele be míawo míatsɔ nuɖuɖudzikpɔkpɔ awɔ míaƒe dɔe o. Míaƒe dɔe nye be míagblɔ mawunya. Eya ta nɔviwo, mitia mia dometɔ adre siwo sea nu gɔme, ame siwo me Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ fũu, eye ame sia ame kpɔ ŋudzedze le wo ŋu, ne míatsɔ nuɖuɖudzikpɔdɔ sia ade wo si koŋ, ale be míawo la, míakpɔ ɣeyiɣi awɔ míaƒe dɔ si nye gbedodoɖa, mawunyagbɔgblɔ kple nufiafia amewo.”
Nya sia me kɔ na hame la katã eya ta wotia ame adreawo, siwoe nye: Stefano, ame si ƒe xɔse de to, eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔe fũu, Filipo, Prokoro kple Nikano. Bubuawoe nye: Timon, Parmena kple Nikolas tso Antioxia, ame si nye trɔ̃subɔla si va zu Yudatɔ. Esi wotia ame adre siawo vɔ la, wokplɔ wo va apostoloawo gbɔe, eye wodo gbe ɖa ɖe wo ta, da asi ɖe wo dzi, heyra wo.
Le esia megbe la, apostoloawo kple xɔsetɔ bubuawo gblɔ mawunya le teƒeteƒewo, eye Yesu yomedzelawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi fũu le Yerusalem, nenema ke Yudatɔwo ƒe nunɔla geɖewo gɔ̃ hã trɔ zu kristotɔwo.
Stefano léle
Azɔ la, Stefano, ame si Mawu ƒe amenuveve kple ŋusẽ yɔ fũu, eye eƒe xɔse de to blibo la wɔ nukunu kple dzesi geɖewo le amewo dome.
Ke yometiti va na xɔseha tso Yudatɔwo ƒe xɔseha aɖe si woyɔna be, Ablɔɖe ƒuƒoƒe la me. Ha sia me nɔlawo nye Yudatɔ siwo tso Kirene, Aleksandria kple Kilikia nutowo me kpakple Asia. Ame siawo de asi nyahehe me kple Stefano. Gake wo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖu Stefano dzi o, le eƒe nunya kple gbɔgbɔ si le eme la ta.
Le esia ta la, wokplɔ ŋutsu aɖewo be woava ɖi aʋatsoɖase be, “Míese Stefano wòle busunya gblɔm ɖe Mose kple Mawu ŋu.”
Ale wode zi ameawo, amegãwo kple agbalẽfialawo me. Wolé Stefano hekplɔe yi ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ŋkumee. Aʋatsoɖaseɖila siawo va ɖi ɖase le eŋu le ʋɔnua be, “Ame sia ƒe nuƒoƒo tsia tsitre ɖe teƒe kɔkɔe la kple Mose ƒe sewo ŋu ɣe sia ɣi.”
Woyi edzi gblɔ be, “Míese Stefano gblɔ be Yesu Nazaretitɔ sia ava gbã gbedoxɔ la, eye wòaɖe se siwo katã Mose na mí la ɖa.” Esi nu siawo nɔ edzi yim la, ame siwo katã nɔ takpekpea me la kpɔ be Stefano ƒe mo trɔ, nɔ keklẽm abe mawudɔla tɔ ene.
Stefano ƒe nuƒoƒo na ʋɔnudrɔ̃ƒe la
Nunɔlagã la bia Stefano be, “Nɔvi, ɖe nya siwo katã wogblɔ le ŋuwò le eme vavãa?”
Stefano ɖo eŋu be, “Nɔviwo kple fofowo miɖo tom. Ŋutikɔkɔe ƒe Mawu la ŋutɔ ɖe eɖokui fia mía tɔgbui Abraham le esime wònɔ Mesopotamia hafi wòva yi Haran. Mawu gblɔ nɛ be, ‘Do go le wò dukɔ kple wò ƒometɔwo dome, eye nàyi anyigba bubu aɖe sãa si mafia wò la dzi.’
“Ale Abraham dzo le Kaldeanyigba dzi ɖanɔ Haran va se ɖe esime fofoa ku gblẽe ɖi. Esia megbe la, Mawu kplɔe va Israelnyigba sia dzi. Ke Mawu metsɔ anyigba sia ƒe akpa aɖeke na Abraham be wòanye etɔ o. Menye afɔ ɖeka teti hã o. Gake Mawu do ŋugbe nɛ be le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, anyigba blibo la azu eya kple eƒe dzidzimeviwo tɔ, togbɔ be vi aɖeke menɔ Abraham si haɖe o hã. Mawu gagblɔ na Abraham be, ‘Wò dzidzimeviwo adzo le anyigba la dzi aɖanɔ dzronyigba aɖe dzi ƒe alafa ene sɔŋ abe kluviwo ene. Ke hã la, mahe to na dukɔ si ado kluvi Israelviwo, eye emegbe la, Israelviwo agatrɔ va woƒe anyigba la dzi ava subɔm le afi sia.’ Mawu de se na Abraham be wòatso aʋa na via ŋutsuviwo abe nubabla si le Mawu kple Abraham ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe kpeɖodzinu ene. Le esia ta la, esi Isak si nye Abraham ƒe viŋutsu xɔ ŋkeke enyi ko la, fofoa tso aʋa nɛ. Isak ƒe viŋutsue nye Yakob, ame si hã ƒe viŋutsu wuieveawo me Israel dukɔa ƒe tɔgbui wuieveawo dzɔ tso.
“Yosef si nye Yakob ƒe vi mamlɛtɔ la ƒe nu menyo nɔvia bubuawo ŋu o, ale wodzrae na kluvisitsalawo, ame siwo kplɔe yi Egipte abe kluvi ene. Ke hã la, Mawu nɔ kplii ale gbegbe be wòɖee tso eƒe fukpekpewo katã me, eye gawu la, Mawu na be Egipte Fia Farao kpɔ ŋudzedze le eŋu. Le nunya manyagblɔ si Mawu na Yosef ta la, Farao tsɔe ɖo dudzikpɔla gãe le Egipte dukɔa me, eye wògaɖoe tatɔe le eƒe fiasã blibo la me hã.
“Eva eme be dɔ sesẽ aɖe va to le Egipte kple Kananyigba dzi, ale be mía tɔgbuitɔgbuiwo kpe fu ŋutɔ. Nuɖuɖu vɔ le wo si keŋkeŋ. Yakob se be nuɖuɖu le Egiptenyigba dzi ale wòdɔ viawo ɖa be woaɖaƒle ɖe vɛ. Esi wogayi Egipte zi evelia la, Yosef ɖe eɖokui fia nɔviawo, elabena womekpɔe dze sii zi gbãtɔ si wode afi ma o. Eɖe wo fia Fia Farao hã. Yosef dɔ nɔviawo be ne woyi la, woakplɔ ye fofo Yakob, ye nɔviwo kple woƒe ƒometɔwo katã, ame siwo ƒe xexlẽme nɔ ame blaadre-vɔ-atɔ̃ la vɛ na ye le Egipte. Esiae na be Yakob kple viawo katã ʋu va tsi Egipte, afi si wo katã ku ɖo, eye wokɔ Yakob kple viawo va Sikem, eye woɖi wo ɖe yɔdo si Abraham ƒle le Hamor ƒe viwo gbɔ la me.
“Esime ɣeyiɣi si Mawu ɖo na Abraham be yeaɖe eƒe dzidzimeviwo tso kluvinyenye me le Egipte ɖo vɔ la, Israelviwo gadzi ɖe edzi fũu ŋutɔ le Egipte. Ke ‘fia bubu va zi dzi le Egipte, ame si menya naneke tso Yosef ŋu o.’ Le esia ta la, ewɔ funyafunya mía tɔgbuitɔgbuiwo, eye wòde se be woatsɔ woƒe vidzĩwo aƒu gbe ne woaku.
“Le ɣeyiɣi sia me lɔƒo la, wodzi Mose si nye ɖevi dzeɖekɛ aɖe. Le se si nɔ anyi ɣe ma ɣi me ta la, esi wodzi Mose la, edzilawo dzrae ɖo ɖe xɔ me ɣleti etɔ̃ sɔŋ. Ke esi wòva dzɔ be womagate ŋu adzrae ɖo o ta la, wokɔe yi ɖada ɖe teƒe aɖe. Fia Farao ƒe vinyɔnuvi va fɔe le afi ma ale wòtsɔe abe via ene hekpɔ edzi. Wohe Mose ɖe Egiptetɔwo ƒe nunya nu, ale wòtsi va zu fiavi xɔŋkɔ aɖe le nunya kple dɔwɔwɔ me.
“Esi Mose xɔ abe ƒe blaene ene la, ewɔ susu gbe ɖeka be yeaɖi tsa aɖakpɔ ye nɔvi Israelviwo ɖa. Le tsaɖiɖi sia me la, eva ke ɖe Israel ɖekakpui aɖe kple Egiptetɔ aɖe ŋu wonɔ dzre wɔm. Mose kpɔe be Egiptetɔ la nɔ Israel ɖekakpui la ƒom, nɔ funyafunya wɔmii, eya ta edze Egiptetɔ la dzi hewui. Mose bui be wɔna sia ana be eya ŋutɔ nɔviawo axɔe se be Mawue ɖo ye ɖa be yeava ɖe wo le aboyo me hafi, gake womexɔe nenema o. Esi ŋu ke la, Mose gaɖi tsa yi etɔ Israelviwo gbɔ. Kasiaa, ekpɔ Israelvi dzidzi eve hã wonɔ dzre wɔm vevie. Mose te ɖe wo ŋu enumake be yealé avu le wo dome. Egblɔ na wo be, ‘Nɔviwo, menyo kura be miawo ɖeɖe mianɔ dzre wɔm alea o eya ta midzudzɔ, ne miawɔ ɖeka.’
“Ke ame siawo dometɔ si ƒe nya medzɔ o la gblɔ na Mose be wòakpɔ eya ŋutɔ ƒe nya gbɔ eye megade nu yewo tɔ me o. Ebia Mose be, ‘Ame kae ɖo wò fia kple ʋɔnudrɔ̃la ɖe mía dzi?’ Eyi edzi bia Mose be, ‘Alo ɖe nèdi be yeaƒo nye hã awu abe ale si nèwu Egiptetɔ ma etsɔ enea?’ Nya sia sese te ɖe Mose dzi ale wòsi dzo le nuto la me yi ɖanɔ Midianyigba dzi afi si wòdzi eƒe viŋutsu eveawo le.
“Le ƒe blaene megbe la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fia Mose le gbedzi le teƒe aɖe si te ɖe Sinai to la ŋu. Mawudɔla la ɖe eɖokui fiae le gbe aɖe si nɔ bibim la me. Esi Mose kpɔ dzobibia la, ewɔ nuku nɛ ŋutɔ, eya ta eƒu du yi teƒea be yeakpɔ nu si wònye. Ke esi wòƒu du yina la, ese Mawu ƒe gbe be, ‘Nyee nye tɔgbuiwòwo Abraham, Isak kple Yakob ƒe Mawu la.’ Dzidzi ƒo Mose ale gbegbe be mete ŋu fɔ ta dzi be yeakpɔ afi si gbea le ɖiɖim tso la o.
“Mawu ƒe gbe yi edzi gblɔ nɛ be, ‘Ɖe wò afɔkpawo le afɔ, elabena teƒe si nèle la nye teƒe kɔkɔe. Mekpɔ fu gã si kpem vinyewo le le Egiptenyigba dzi, eye mese woƒe nublanuiɣli si dom wole la hã, eya ta meva be maɖe wo tso fukpekpe sia me. Va ne madɔ wò ɖe Egipte ne nàwɔ dɔ sia nam.’
“Ale Mose si gbɔ etɔwo gbe nu le, eye wobiae be, ‘Ame kae ɖo wò fia kple ʋɔnudrɔ̃la ɖe mía dzi hã?’ la, eyae Mawu ɖo ɖa be wòanye woƒe ɖela kple kplɔla to mawudɔla, si ɖe eɖokui fiae le ŋuvea me la dzi. Ale to nukunu geɖewo wɔwɔ me la, Mose kplɔ Israelviwo tso Egipte. Woto Ƒu Dzĩ la me, eye wozɔ mɔ to gbedzi ƒe blaene sɔŋ.
“Mose ŋutɔ gblɔ na Israelviwo be, ‘Mawu ana nyagblɔɖila aɖe adzɔ tso mia nɔviwo dome abe nye ke ene.’ Mose ƒe nya sia va eme pɛpɛpɛ elabena esi wonɔ gbedzi nɔ yiyim la, Mose nye avuléla si nɔ Israelviwo kple mawudɔla si na Mawu ƒe sewo le Sinai to dzi la dome. Se si nye Agbenya lae wòna wo.
“Ke nublanuitɔe la, mía tɔgbuiwo gbe nu le Mose gbɔ, eye wodi be yewoatrɔ ayi Egipte. Le nyateƒe me la, woyɔ Aron hegblɔ nɛ be, ‘Nɔvi, me legba siwo anye míaƒe mawu siwo akplɔ mí agbugbɔ yi Egipte la na mí, elabena míenya nu si dzɔ ɖe Mose si kplɔ mí dzoe le Egiptenyigba dzi la dzi o.’ Eya ta wowɔ legba ɖe nyivi ƒe nɔnɔme me, eye wosubɔ nu si wotsɔ woƒe asi wɔe la kple dzidzɔ blibo hesaa vɔ nɛ. Wɔna sia na be Mawu hã ɖe asi le wo ŋu, eye wosubɔ ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo abe ale si woŋlɔ ɖe Nyagblɔɖilawo ƒe agbalẽ me ene.
“ ‘Israeltɔwo, nyee mietsɔ lã wuwuwo kple numemewo sa vɔ na
esi mienɔ gbedzi ƒe blaene sɔŋ mahã?
Kpao, menye nyee miesa vɔ na o,
ke boŋ miaƒe susuwo katã nɔ Molek ƒe agbadɔ kple mawu Refan ƒe ɣletivinɔnɔme,
siwo nye legba miewɔ be miasubɔ la ŋu.
Le esia ta la, maɖo mi ɖe aboyo me,
ayi keke Babilonia godo ke.’
“Mía tɔgbuitɔgbuiwo tsɔ ɖaseɖiɖi ƒe agbadɔ la ɖe ta nɔ gbea dzi, nɔ yiyim tso teƒe yi teƒe. Wowɔ ɖaseɖiɖi ƒe agbadɔ sia ɖe nɔnɔme si Mawu ɖee fia Mose be wòawɔe la nu. Le ƒe aɖewo megbe la, esi Yosua va zu kplɔla, eye wòho aʋa ɖe dukɔwo ŋu la, wokɔ agbadɔ sia yi woƒe nɔƒe yeye si wonɔ la, eye wowɔ eŋuti dɔ va se ɖe Fia David ŋɔli. Mawu yra Fia David ŋutɔ, eye David hã bia be Mawu naɖe mɔ na ye yeatu gbedoxɔ gã aɖe si anɔ anyi tegbee la na eya Yakob ƒe Mawu la. Ke David ƒe vi Solomo boŋue nye ame si va tu gbedoxɔ la nɛ.
“Ke hã la, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la menɔa gbedoxɔ si amegbetɔ ŋutɔ tsɔ eƒe asi tui la me o, elabena Mawu ŋutɔ gblɔ to eƒe Nyagblɔɖila Yesaya dzi be,
“ ‘Nye fiazikpuie nye dziƒo,
eye anyigbae nye nye afɔɖodzinu.
Aƒe ka ƒomevi koŋ ame ate ŋu atu nam?
Aƒetɔ la gblɔe.
Alo Afi ka nye gbɔɖemeƒe anɔ?
Alo Menye nye asie wɔ esiawo katã oa?’
“Mi tosesẽtɔ siawo, ɖe wòle be miasẽ dzime atsi tsitre ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu ɣe sia ɣia? Ɛ̃, Alea tututu mia tɔgbuiwo wɔe nye esi, eye eya ƒomevi ko wɔm miawo hã miele. Mitɔ asi nyagblɔɖila si yome mia tɔgbuiwo meti hewɔ fui o la dzi nam. Wowu nyagblɔɖila siwo gblɔ Dzɔdzɔetɔ la ƒe vava ɖi eye miawo hã miede ame sia asi, eye miewui. Ɛ̃, togbɔ be mawudɔlawoe tsɔ Mawu ƒe seawo vɛ na mi hã la, mieɖo koŋ gblẽ seawo to wo dzi dada me.”
Woƒu kpe Stefano wòku
Stefano ƒe nya sia tɔ dzi na Yudatɔwo ƒe kplɔlawo ŋutɔ. Wodo dziku vevie henɔ nyanyram le wo ɖokuiwo me. Ke Stefano, ame si me Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ fũu la li eƒe ŋkuwo ɖe dzi gãa, ekpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe gã la, eye Yesu nɔ tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusime. Stefano gblɔ na ameha la be, “Mikpɔ ɖa, mekpɔ dziƒo nu ʋu, eye Amegbetɔ Vi la tsi tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusime.”
Nya sia gado dziku na wo ŋutɔ, ale wo katã wotsɔ woƒe asiwo xe to me be yewomagase nya aɖeke o. Wodze Stefano dzi henɔ ɣli dom be ame aɖeke megase eƒe nya o. Emegbe la, wohee do goe le dua me be yewoaƒu kpee wòaku. Ɖasefowo kple amewulawo ɖe woƒe awuwo na ɖekakpui aɖe si woyɔna be Saulo la be wòakpɔ wo dzi na yewo.
Esi wonɔ kpe fum Stefano la, edo gbe ɖa gblɔ be, “Aƒetɔ Yesu, xɔ nye gbɔgbɔ.” Emegbe la, edze klo eye wòdo ɣli gblɔ be, “Aƒetɔ, mègaɖo nu vɔ̃ sia teƒe na wo o.” Ale wòdze anyi heku.
Saulo da asi ɖe Stefano wuwu sia dzi kpem.
Amewo ti Kristotɔwo yome
Tso gbe ma gbe dzi la, amewo dze xɔsetɔ siwo le Yerusalem la yometiti gɔme vevie, eye esia na be wo katã wosi yi Yudea kple Samaria nutowo me negbe apostoloawo ɖeɖe koe susɔ ɖe Yerusalem. Ke Yudatɔ aɖewo siwo vɔ̃a Mawu la va kɔ Stefano ƒe kukua ɖaɖi, eye wofae ŋutɔ. Ke Saulo ɖoe kplikpaa be yeagblẽ hame la. Etsoa aƒe me yia aƒe me, léa ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa ɖadea gaxɔ me.
Filipo gblɔ nyanyui la le Samaria
Ke xɔsetɔ siwo si dzo le Yerusalem la kaka Yesu ƒe nyanyui la le afi sia afi si woyi la. Filipo hã yi Samaria, eye wòɖe gbeƒã le Kristo ŋuti na wo. Filipo wɔ nukunu geɖewo le Samaria, eya ta amewo va ɖoa toe ɣe sia ɣi. Enya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me, eye ne wodo go le ameawo me alea la, wonɔa ɣli dom sesĩe. Eyɔ dɔ tekunɔwo kple lãmetututɔwo. Esia wɔe be dzidzɔ blibo yɔ dua me fũu.
Simɔn akunyawɔla la
Ke ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Simɔn la nɔ Samaria dua me. Enye afakala xɔŋkɔ aɖe, eye wòna Samaria dukɔ la ƒe nu ku; eya ŋutɔ da ŋkɔ ɖe eɖokui dzi be yenye gã. Amewo katã ku ɖe eŋu; ame ŋkutawo kple ame gblɔewo siaa, eye woda ŋkɔ ɖe edzi be, “Ame siae nye Mawu ƒe ŋusẽ si woyɔna be Ŋusẽ Gã” la. Amewo dze eyome hoo, elabena enana be woƒe nu kuna to eƒe afakaka la me ɣeyiɣi didi aɖe. Ke esi dua me tɔwo se nyanyui la si Filipo gblɔ tso mawufiaɖuƒe la ŋu kple Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la, woxɔe se, eye wode mawutsi ta na wo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa. Nukutɔe la, Simɔn, afakala la ŋutɔ hã xɔ mawunya dzi se, ale wode mawutsi ta nɛ. Le esia megbe la, enɔ Filipo ŋu kplikplikpli yia afi sia afi si wòyina la, eye nukunu siwo katã Filipo wɔ la na be eƒe nu ku ŋutɔ.
Esi apostolo siwo le Yerusalem se be mawunya ɖo Samaria la, woɖo Petro kple Yohanes ɖa be woaɖakpɔ ale si nuwo nɔ edzi yimii le afi ma ɖa. Esime ame dɔdɔawo va ɖo Samaria teti ko la, wodo gbe ɖa ɖe xɔsetɔ yeyeawo ta be woaxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, elabena tsi ko wode ta na wo le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ me, ke womexɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la haɖe o. Esi Petro kple Yohanes nɔ gbea dom ɖa la, woda woƒe asiwo ɖe xɔsetɔawo dzi, eye enumake woxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.
Esi Simɔn kpɔ be wona Gbɔgbɔ Kɔkɔe amewo to apostoloawo ƒe asidada ɖe wo dzi me la, ena ga apostoloawo, eye wògblɔ na wo be, “Mina ŋusẽ sia nye hã ale be ame sia ame si dzi mada asi ɖo la naxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.”
Petro ɖo eŋu nɛ be, “Wò ga natsrɔ̃ kpli wò, elabena èbu be yeate ŋu aƒle Mawu ƒe nunana kple ga! Wɔƒe kple gomekpɔkpɔ aɖeke mele asiwò le subɔsubɔdɔ sia me o, elabena wò dzi menyo le Mawu ƒe ŋkume o. Dzudzɔ ta me vɔ̃ɖi ɖoɖo ne nàdo gbe ɖa na Aƒetɔ la. Ɖewohĩ atsɔ wò susu vɔ̃ɖi sia ake wò, elabena edze nam ƒãa be, èyɔ fũu kple vevesese eye nènye kluvi na nu vɔ̃.”
Simɔn ɖo eŋu be, “Do gbe ɖa na Aƒetɔ la ɖe tanye be nu siwo miegblɔ la dometɔ aɖeke madzɔ ɖe dzinye o.”
Ke esi Petro kple Yohanes ɖi ɖase hegblɔ Aƒetɔ ƒe nya la vɔ la, wogatrɔ yi Yerusalem. Wotɔ ɖe Samaria kɔƒe geɖewo hã me le mɔa dzi, hegblɔ nyanyui la na amewo le afi siawo hã.
Filipo kple Etiopia fianyɔnu ƒe aƒedzikpɔla la
Ke le Filipo gome la, mawudɔla aɖe va gblɔ nɛ be, “Tso nàyi mɔ si tso Yerusalem heto Gaza gbegbe la dzi.” Filipo tso heyi abe ale si wogblɔ nɛ la ene; eye kasia ekpɔ Etiopia ŋutsu aɖe, si nye fianyɔnu Kandake ƒe ŋusẽtɔ kple gadzikpɔla gã la. Etso Yerusalem, afi si wòɖawɔ subɔsubɔ le Mawu ƒe gbedoxɔ la me le, eye wòtrɔ yina aƒe. Esi wònɔ mɔa dzi la, enɔ Nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ xlẽm sesĩe le eƒe tasiaɖam me.
Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gagblɔ na Filipo be, “Te ɖe tasiaɖam la ŋu.”
Esi wòɖe abla te ɖe tasiaɖam la ŋu, eye wòse be ele Nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ xlẽm la, Filipo biae be, “Èse nu si xlẽm nèle la gɔmea?”
Etiopia ŋutsu la ɖo eŋu nɛ be, “Ao, nɔvi, aleke mate ŋu ase egɔme esi ame aɖeke meli aɖe eme nam o?” Azɔ eɖe kuku na Filipo be wòage ɖe tasiaɖam la me anɔ ye xa. Filipo wɔ nenema.
Biblia ƒe akpa si xlẽm wònɔ la gblɔ be,
“Wokplɔe abe alẽvi ene yina wuwu ge,
eye abe ale si alẽvi nɔa anyi kpoo ne wole eƒe fũwo sẽm ene la,
nenema ke eya hã wɔ, meke nu kura o.
Le eƒe ɖokuibɔbɔ ta womedrɔ̃ ʋɔnue ɖe mɔ dzɔdzɔe nu o.
Ame kae ate ŋu agblɔ ale si dzidzime si me wòdzɔ ɖo la ƒe tagbɔ sẽe la afia?
Elabena woɖe eƒe agbe ɖa le anyigba dzi.”
Etiopia ŋutsu la bia Filipo be, “Nyagblɔɖila Yesaya ŋu eya ŋutɔ nɔ nu ƒom le loo alo ame bubu aɖe ŋuea?”
Tete Filipo wɔ mawunya si wòxlẽ la kple bubuwo ŋu dɔ hegblɔ nyanyui la nɛ le Yesu ŋu.
Esi wonɔ mɔa dzi yina sẽe ko la, wova ke ɖe tɔsisi sue aɖe ŋu. Etiopia ŋutsua bia Filipo be, “Kpɔ ɖa! Tsie nye esi; nu ka ta nyemade mawutsi ta zi ɖeka o?”
[ Filipo ɖo eŋu nɛ be, “Nenye be èxɔe se tso wò dzi blibo me ko la, ekema naneke mexe mɔ o.”
Etiopia ŋutsu la ɖo eŋu be, “Mexɔe se be Yesu Kristoe nye Mawu ƒe Vi la.]” Enumake etɔ tasiaɖam la, eye wòɖi ge ɖe tsi la me, eye Filipo de mawutsi ta nɛ. Esi wòdo tso tsia me teti ko la, Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ kɔ Filipo dzoe, ale be Etiopia ŋutsu la megakpɔe o, ke eya hã dze aƒemɔ dzi kple dzidzɔ. Egblɔ nyanyui la le afi ma, eye wògagblɔe le du siwo katã le Kaesarea mɔ dzi la hã me.
Saulo ƒe dzimetɔtrɔ
Saulo gado adã ɖe xɔsetɔwo ŋu vevie wu tsã, eye wòlé gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo ganɔ wo yome tim kple ŋkubiã. Eƒe susu kple didi katã koe nye be yeatsrɔ̃ Aƒetɔ la ƒe nusrɔ̃lawo. Le esia ta la, eyi nunɔlagã la gbɔ be wòana agbalẽ si ana ŋusẽ ye, ale be yeayi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe siwo le Damasko ne woakpe ɖe ye ŋu be yeate ŋu alé xɔsetɔ siwo katã le teƒe siawo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, ade ga wo, eye yeakplɔ wo va Yerusalem. Esi wòsusɔ vie ko wòaɖo Damasko dua me la, keklẽ gã aɖe klẽ ɖe edzi tso dziƒo. Edze anyi kpla enumake. Ke ese gbe aɖe be, “Saulo, Saulo, nu ka ta nèle yonyeme tim alea?”
Saulo bia kple vɔvɔ̃ be, “Wò ame kae le nu ƒom, Aƒetɔ?”
Gbea ɖo eŋu nɛ be, “Nyee nye Yesu, ame si yome tim nèle. Azɔ tsi tsitre nàyi Damasko dua me; ne èɖo afi ma la, woagblɔ nu siwo nàwɔ la na wò.”
Nyadzɔdzɔ sia wɔ nuku na Saulo ŋumewo ŋutɔ. Woƒe nu ku ale gbegbe be gbɔgblɔ bu ɖe wo, elabena wonɔ gbeɖiɖi aɖe sem pɛpɛpɛ, gake womekpɔ ame si nɔ nu ƒom la o. Saulo wɔ ɖɔɖɔɖɔ tso le anyigba, gake nukutɔe la, megate ŋu nɔ nu kpɔm o; eƒe ŋku dzi tsyɔ eya ta wolé eƒe alɔnu kplɔe ɖɔɖɔɖɔ yi Damasko. Enɔ dua me ŋkeke etɔ̃ numaɖumaɖu kple tsimanomanoe.
Mawudzixɔsela aɖe si ŋkɔe nye Anania la nɔ Damasko dua me ɣe ma ɣi. Mawu yɔe le ŋutega me gbe ɖeka be “Anania.”
Etɔ, eye wògblɔ be, “Nyee nye esi, Aƒetɔ.”
Mawu gblɔ nɛ be, “Tso nàyi ablɔ si woyɔna be, ‘Mɔ Dzɔdzɔe’ la dzi, eye nàdi ŋutsu aɖe si woyɔna be Yuda la ƒe aƒe me. Ne èkpɔe la, bia ŋutsu aɖe si woyɔna be Saulo tso Tarso la ta se le afi ma. Le gaƒoƒo sia me la, ele klo dzi le gbe dom ɖa nam vevie, elabena meɖee fiae le ŋutega me be wò, Anania, àva egbɔ, ada asi ɖe edzi be eƒe ŋkuwo naʋu, ale be wòagate ŋu akpɔ nu.”
Anania ɖo eŋu gblɔ be, “Aƒetɔ, mese be funyafunya si gbegbe Saulo sia wɔ ame kɔkɔewo le Yerusalem la mele gbɔgblɔ me o ɖe! Gawu la, míese be ɖe wòxɔ agbalẽ koŋ tso nunɔlagãwo gbɔ be yeava lé ame siwo katã yɔa wò ŋkɔ.”
Ke Aƒetɔ la ɖo eŋu na Anania be, “Yi nàwɔ ɖe nye gbe dzi, elabena nye ŋutɔe tia ame sia be wòanye dɔwɔla nam, eye wòagblɔ nye nya na ame siwo menye Yudatɔwo o, fiawo kple Israelviwo ŋutɔ hã, ke nye ŋutɔ magblɔ fu siwo wòakpe ɖe tanye la afiae.”
Anania tso heyi Saulo ƒe aƒe me, eye wòda asi ɖe edzi gblɔ nɛ be, “Nɔvinye Saulo, Aƒetɔ Yesu, ame si ɖe eɖokui fia wò le Damasko mɔ dzi la ɖom ɖa be mada gbe le ŋuwò, eye tso esia dzi la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nayɔ mewò be nàgakpɔ nu.”
Enumake ewɔ abe nane ƒe tsrowoe ge le eƒe ŋkuwo dzi ene. Ŋkuawo ʋu, eye wògade asi nukpɔkpɔ me. Anania de mawutsi ta nɛ enumake.
Saul gblɔ mawunya le Damasko
Ŋusẽ gaɖo Saulo ŋu esi wona nanee wòɖu vɔ. Saulo nɔ nusrɔ̃lawo gbɔ le Damasko hena ŋkeke geɖewo. Tete wòdze mawunyagbɔgblɔ gɔme le woƒe ƒuƒoƒewo le gbɔgblɔm be Yesue nye Mawu ƒe Vi la.
Ame siwo katã se Saulo ƒe mawunya la ƒe nu ku, eye wobia wo nɔewo be, “Alo menye ame siae wɔ funyafunya geɖe ame siwo yɔa ŋkɔ sia le Yerusalem le woƒe xɔse ta oa? Míese gɔ̃ be ɖe wòva Damasko afi sia be yealé xɔsetɔwo ade ga wo akplɔ yii na nunɔlagãwo le Yerusalem!”
Saulo yi eƒe mawunyagbɔgblɔ dzi kple ŋusẽ, ale be Yudatɔ siwo nɔ Damasko la mete ŋu tsi tsitre ɖe eƒe nya siwo ɖee fia kɔtɛe be Yesue nye Kristo la ŋu o.
Le ŋkeke aɖewo megbe la, Yudatɔwo ƒe kplɔlawo wɔ ɖoɖo be yewoawu Saulo. Ke ame aɖe va fi tofi na Saulo be dzɔlawo le Damasko ƒe agbowo nu dzɔm zã kple keli be ne eva yina la, yewoawui. Eya ta gbe ɖeka zã la, Saulo yomedzela aɖewo kɔe de kusi gã aɖe me heɖiɖii to do si le dua ƒe gli la me la me heɖiɖii ɖe anyigba.
Saulo si yi Yerusalem
Esi Saulo va ɖo Yerusalem la, edze agbagba be yeawɔ ɖeka kple xɔsetɔ siwo le afi ma la, gake wonɔ vɔvɔ̃m nɛ, eye womelɔ̃ te ɖe eŋu o, elabena wobu be alakpa dam wònɔ be yezu yewo dometɔ ɖeka. Ke Barnabas kplɔ Saulo va apostoloawo gbɔe. Eƒo nu na wo tso ale si Saulo kpɔ Aƒetɔa le Damasko mɔ dzi, nya siwo wògblɔ nɛ kple ale si Saulo gblɔ mawunya kple ŋusẽ tɔxɛ le Yesu ƒe ŋkɔ me la ŋu na wo. Esia na be apostoloawo xɔ Saulo ɖe wo dome. Ale tso ɣe ma ɣi dzi la, enɔ xɔsetɔwo ŋu kplikplikpli le Yerusalem henɔ mawunya gblɔm dzideƒotɔe le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me. Ke eva eme be Helatɔ siwo trɔ zu Yudatɔwo la dometɔ aɖewo, ame siwo Saulo he nya kplii la wɔ ɖoɖo be yewoawui. Esi xɔsetɔ bubuawo se be Saulo ƒe agbe ɖo xaxa me alea la, wokplɔe yi Kaesarea, eye tso afi ma la, woɖoe ɖe wo de, Tarso.
Le ɣeyiɣi siawo katã me la, tomefafa blibo nɔ hame siwo le Yudea, Galilea kple Samaria nutowo me la me. Esia wɔ be hame la ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi, eye wògasẽ ŋu ɖe edzi wu le gbɔgbɔ me hã, eye wonɔ agbe le Aƒetɔ la vɔvɔ̃ me, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la hã na dzidzeme blibo wo.
Petro da gbe le Aeneas ŋuti
Esi Petro nɔ tsatsam tso teƒe yi teƒe la, eva Mawu ƒe ame siwo le Lida hã gbɔ. Teƒe sia wòkpɔ ŋutsu aɖe si woyɔna be Aeneas, ame si nɔ lãmetutudɔ lém, eye wòtsi aba dzi ƒe enyi sɔŋ le.
Petro yɔe gblɔ nɛ be, “Aeneas, Yesu Kristo da gbe le ŋuwò, eya ta tsi tsitre, eye nàŋlɔ wò aba.” Ŋutsu la ƒe lãme sẽ enumake. Nukunu sia wɔe be ame siwo katã le Lida kple Saron la dze Aƒetɔ la yome, elabena wokpɔ Aeneas wònɔ zɔzɔm.
Petro fɔ Tabita tso ku me
Nyɔnu nusrɔ̃la aɖe nɔ Yopa dua me si woyɔna be Tabita (si woyɔna le Helagbe me be Dɔkas). Nyɔnu sia nye xɔsetɔ si wɔa dɔmenyo na amewo ŋutɔ, vevietɔ ame dahewo. Le ɣeyiɣi sia me tututu la, nyɔnu sia dze dɔ, eye wòku. Wodzra eƒe kukua ɖo, eye woɖoe aba dzi le dziƒoxɔ aɖe dzi. Ke esi nusrɔ̃lawo se Petro ŋkɔ le Lida la, woɖe ame eve ɖo ɖee kple kukuɖeɖe be wòaɖe abla ava yewo gbɔ le Yopa, elabena Lida tsɔ ɖe Yopa gbɔ.
Petro lɔ̃ va Yopa. Esi wòva ɖo teti ko la, wokplɔe yi dziƒoxɔ dzi le xɔ si me wokɔ Dɔkas ƒe kukua mlɔe. Xɔa me yɔ fũu kple konyifalawo, ame siwo dometɔ geɖewo nye ahosi siwo Dɔkas lɔ̃ avɔ alo awu na le eƒe agbe me. Ɖe sia ɖe nɔ nu siwo Dɔkas wɔ nɛ la tsɔm fia nɔvia. Esi Petro ge ɖe xɔa me la, ebia tso wo katã si be woado go ana mɔ ye. Esi wodo go la, Petro dze klo do gbe ɖa, eye wòtrɔ ɖe ame kukua gbɔ gblɔ nɛ be, “Tabita, tsi tsitre!” Enumake ame kuku la ʋu ŋku, eye esi wòkpɔ Petro la, efɔ nɔ abati la dzi. Petro lé eƒe alɔnu, eye wòtsi tsitre. Azɔ Petro yɔ xɔsetɔawo kple ahosiawo va xɔa me, eye wòtsɔ Dɔkas gbagbe la de asi na wo.
Nukunya sia kaka ɖe Yopa du blibo la me, eye ame geɖewo ŋutɔ trɔ hexɔ Aƒetɔ la dzi se. Petro nɔ Yopa dua me ŋkeke geɖe, eye wònɔ Simɔn si nye lãgbalẽŋutidɔwɔla la gbɔ le eƒe aƒe me.
Kornelio dɔ ame ɖe Petro
Ŋutsu aɖe nɔ Kaesarea si ŋkɔe nye Kornelio. Enye aʋafia le asrafoha si woyɔna be Italia Hatsotso la me. Eya kple eƒe ƒometɔwo katã nye Mawuvɔ̃la vavãwo. Enaa nu ame siwo le hiahiã me fũu, eye wòdoa gbe ɖa na Mawu atraɖii. Gbe ɖeka abe ɣetrɔ ga etɔ̃ me ene la, ekpɔ ŋutega esime wònɔ gbe dom ɖa. Ekpɔ mawudɔla aɖe wògbɔna egbɔ. Mawudɔla la yɔe be, “Kornelio!”
Kornelio vɔ̃ ŋutɔ. Ɖeko wòke ŋku ɖe te gãa nɔ mawudɔla la kpɔm. Mlɔeba la, ebiae be, “Amegã, nya kae dzɔ? Nu ka dim nèle tso gbɔnye?”
Mawudɔla la ɖo eŋu nɛ be, “Wò gbedodoɖa kple nunana ame dahewo va ɖo dziƒo le Mawu ŋkume abe ŋkuɖodzinunana ene. Eya ta dɔ amewo ɖe Yopa ne woaɖayɔ ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Simɔn Petro la vɛ be wòava kpɔ wò ɖa. Simɔn Petro sia le ŋutsu bubu aɖe si hã woyɔna be Simɔn si nye lãgbalẽŋutidɔwɔla aɖe la ƒe aƒe me le ƒuta lɔƒo.” Esi mawudɔla la dzo teti ko la, Kornelio yɔ eƒe subɔla eve kple eya ŋutɔ ƒe asrafowo dometɔ ɖeka, ame si hã vɔ̃a Mawu la, eye wògblɔ nu si dzɔ la na wo. Azɔ eɖo wo ɖe Yopa be woaɖakplɔ Petro vɛ.
Petro kpɔ ŋutega
Esi ŋu ke, le ŋdɔ me la, wonɔ tetem ɖe du la ŋu; ɣe ma yi la, Petro yi xɔta be yeado gbe ɖa. Ke dɔ de asi ewuwu me, eye wòdi be yeaɖu nu, ke esi wònɔ nua ɖam la, ekpɔ ŋutega. Ekpɔ aklala gã aɖe si wotsi ka eƒe dzogoe eneawo la wònɔ ɖiɖim tso dziƒo gbɔna anyigba. Ekpɔ anyigbadzilã afɔenewo, lã tatawo kple dziƒoxevi vovovowo le avɔ la dzi.
Petro se gbeɖiɖi aɖe wògblɔ nɛ be, “Wu lã siawo ne nàɖu.”
Ke Petro ɖo eŋu be, “Gbeɖe, Aƒetɔ, nyemeɖu lã makɔmakɔ siawo dometɔ aɖeke kpɔ le nye agbe me o.”
Gbeɖiɖi la gayi edzi gblɔ na Petro be, “Ne Mawu da asi ɖe nane dzi be ekɔ la, wò la, mègagblɔ be mekɔ o.”
Woɖe ŋutega sia fia Petro zi etɔ̃ sɔŋ. Le esia megbe la, wohe aklala la dzoe yi dziƒo. Ŋutega sia wɔ moya na Petro ŋutɔ. Mese egɔme o, eye kpɔ ɖa, ŋutsu siwo Kornelio dɔ ɖo ɖa la le Simɔn ƒe aƒe la ta biam hele tsitre le agbo la nu. Woyɔ ame aɖe ɖa biae be Simɔn si woyɔna be Petro la dze afi sia mahã?
Ke esi Petro ganɔ ta me bum le ŋutega la ŋu la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔ nɛ be, “Ame etɔ̃ aɖewo le diwòm le aƒea me, eya ta ɖi naɖakpe wo eye nàdze wo yome ayi kpli wo, elabena nyee dɔ wo ɖo ɖe gbɔwò. Mègavɔ̃ o, nu sia nu ayi edzi nyuie.”
Ale Petro ɖi ɖe anyigba. Ekpɔ amedzroawo, eye wògblɔ na wo be, “Nyee nye ame si dim miele. Nu ka miele diyem be mawɔ na mi?”
Ŋutsuawo ɖo eŋu nɛ be, “Ame dɔdɔwo mienye tso Kornelio si nye Romasrafowo ƒe amegã ɖeka la gbɔ. Enye ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la eye Yudatɔwo katã hã bunɛ ŋutɔ. Mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae, eye wòbia tso esi be wòadɔ ame ne woayɔ wò vɛ be nàgblɔ nu si wòawɔ la nɛ.”
Petro yi Kornelio ƒe aƒe me
Petro se nya siawo katã, eye wòxɔ ameawo atuu. Ena dzeƒe wo be woatsi adɔ. Esi ŋu ke la, Petro kplɔ xɔsetɔ eve aɖewo tso Yopa kpe ɖe eɖokui ŋu, eye wodze mɔ kple Kornelio ƒe ame dɔdɔwo ɖo ta Kaesarea.
Wova ɖo Kaesarea le ŋkeke evea gbe. Kornelio nɔ mɔ kpɔm na wo vevie, eye wòyɔ eƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo hã be woava do gbe na Petro. Esi Petro ge ɖe aƒea me teti ko la, Kornelio ɖe abla ɖadze klo ɖe eƒe akɔme be yeade bubu eŋu.
Ke Petro gblɔ nɛ be, “Tso kaba, elabena menye Mawue menye nàsubɔ o. Amegbetɔ ko nye hã menye.”
Kornelio tsi tsitre, eye eya kple Petro wonɔ dze ɖom hege ɖe aƒea me, afi si ameha gã aɖe ƒo ƒu ɖo.
Ke Petro gblɔ na ƒuƒoƒe la be, “Miawo ŋutɔ mienya be mele be nye abe Yudatɔ ene la mava mi ame siwo menye Yudatɔwo ƒe aƒe me alea o, gake Mawu ɖee fiam le ŋutega me be, mele be mabu ame aɖeke abe nu dzodzro alo nu makɔmakɔ ene o. Eya ta esi miaƒe ame dɔdɔwo va ɖo gbɔnye ko la, nyemehe ɖe megbe kura o, ke boŋ metso dze mɔ dzi enumake. Azɔ nya kae le mia si? Migblɔe mase.”
Kornelio ɖo eŋu gblɔ nɛ be, “Egbee nye ŋkeke enelia, esi menɔ gbe dom ɖa le gaƒoƒo sia me tututu abe ale si mewɔna ɖaa ene. Ame aɖe si do awu ɣi si nɔ dzo dam la va do ɖe ŋkunyeme. Egblɔ nam be, ‘Kornelio, Mawu se wò gbedodoɖawo, eye wòkpɔ dzidzɔ le wò dɔmenyowɔwɔ ŋu. Azɔ la, dɔ ame aɖewo ɖe Yopa, ne woaɖayɔ Simɔn Petro vɛ na wò. Simɔn Petro sia le Simɔn si nye lãgbalẽŋutidɔwɔla aɖe ƒe aƒe me le ƒuta.’ Esia tae medɔ ame ɖo ɖe gbɔwò ɖo, eye enyo ŋutɔ be nèva zi ɖeka hã. Azɔ mí katã míeƒo ƒu ɖi, le Aƒetɔ la ŋkume le klalo be míase nya si Mawu de asiwò be nàgblɔ na mí.”
Petro ƒe mawunyagbɔgblɔ na Kornelio ƒe aƒe
Petro ɖo eŋu gblɔ be, “Eme kɔ nam ƒãa azɔ be nyateƒee Mawu mekpɔa ame ŋkume o, ke boŋ exɔa ame sia ame si vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu si le eteƒe, du ka ke mee wòtso hã. Meka ɖe edzi be miawo hã miese nyanyui si wohe vɛ na Israelviwo la, be Yesu Kristo he tomefafa va amegbetɔwo kple Mawu dome eye Yesu Kristoe nye xexea me katã ƒe Aƒetɔ. Yohanes Mawutsidetanamela dze nyanyui sia kaka gɔme tso Galilea, eye wòkaka ɖe Yudea nuto blibo la katã me. Meka ɖe edzi be mienya hã be Mawu da asi ɖe Yesu, Nazaretitɔ la dzi to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me, eye wòna ŋusẽ si na be wòte ŋu nɔ tsatsam henɔ dɔmenyo wɔm na amewo lae. Eda gbe le dɔnɔ siwo dzi Abosam ɖu la ŋu elabena Mawu nɔ kplii ɖaa.”
Petro yi edzi be, “Ke mí apostoloawoe nye ɖaseɖilawo na nu siwo katã wòwɔ le Yudatɔwo ƒe anyigba dzi kple Yerusalem, afi si woklãe ɖe ati ŋu hewui le. Ke Mawu gafɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome le ŋkeke etɔ̃a gbe tututu, eye wòɖee fia ame tɔxɛ siwo eya ŋutɔ tia la. Meɖee fia le dutoƒo o, ke boŋ eɖee fia mí apostoloawo siwo Mawu tia ɖi xoxo la, eye míeɖu nu, heno nu kplii le eƒe fɔfɔ tso ame kukuwo dome megbe. Eye Yesu dɔ mí be míagblɔ nyanyui la na amewo katã, eye míaɖe gbeƒãe be Mawu tia Yesu be wòanye ʋɔnudrɔ̃la na amewo katã, agbagbeawo kple kukuawo siaa. Nyagblɔɖilawo katã hã ŋlɔ nu tso Yesu ŋu gblɔ be ame sia ame si axɔ edzi ase la, woatsɔ eƒe nu vɔ̃wo akee to eƒe ŋkɔ la me.”
Helatɔwo hã xɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la
Esime Petro nɔ nya siawo gblɔm la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dze ame siwo katã nɔ to ɖom la dzi. Nɔvi xɔsetɔ siwo tso aʋatsotso la me, ame siwo va kple Petro la ƒe mo wɔ yaa, be wokɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe ame siwo menye Yudatɔwo gɔ̃ hã dzi, elabena wose wonɔ aɖe yeye gblɔm, nɔ Mawu kafum.
Tete Petro gblɔ be, “Ɖe ame aɖe ate ŋu axe mɔ be womade mawutsi ta na ame siawo oa? Woawo hã xɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la abe míawo ke ene.” Ale Petro de mawutsi ta na wo le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me. Le esia megbe la, Kornelio ɖe kuku na Petro be wòanɔ yewo gbɔ ŋkeke aɖewo hafi adzo.
Petro ɖe eɖokui nu
Eteƒe medidi kura hafi apostoloawo kple xɔsetɔ siwo le Yudea la se be ame siwo menye Yudatɔwo hã xɔ Mawu ƒe nya la. Ke esi Petro trɔ va ɖo Yerusalem la, xɔsetɔ siwo tso aʋa la he nya ɖe eŋu vevie.
Wogblɔ be, “Wò la, eɖade ha kple ame siwo metso aʋa o, eye mi kple wo miede asi agba ɖeka me ɖu nu gɔ̃!”
Esia na be Petro gblɔ ale si nyawo katã va dzɔe la na wo. Egblɔ na wo be, “Gbe ɖeka la, esime menɔ gbe dom ɖa le Yopa la, mekpɔ ŋutega aɖe. Nu si tututu mekpɔ lae nye be aklala gã aɖe si wotsi ka ɖe eƒe dzogoe eneawo dzi la ɖiɖi ɖe gbɔnye tso dziƒo. Esi melé ŋku ɖe aklala la dzi la, mekpɔ anyigbadzilã afɔenewo, lã wɔadãwo kple lã tatawo kple dziƒoxeviwo le afi ma. Mese gbe aɖe wònɔ gbɔgblɔm nam be, ‘Petro, tsi tsitre. Wu lã siawo ne nàɖu.’
“Ke meɖo eŋu be, ‘Kpao, Aƒetɔ, nyemate ŋu awɔ esia o. Nyemeɖu lã makɔmakɔ siawo dometɔ aɖeke kpɔ o.’
“Ke megase gbeɖiɖi la tso dziƒo wògblɔ nam be, ‘Ne Mawu da asi ɖe nane dzi be ekɔ la, wò la, mègagblɔ be mekɔ o!’
“Nuwɔna sia yi edzi zi etɔ̃ sɔŋ, eye emegbe la, wohe aklala la kple nu siwo katã nɔ edzi la yi dziƒoe. Le ɣe ma ɣi me tututu la, ame dɔdɔ etɔ̃ aɖewo tso Kaesarea va ɖo aƒe si me menɔ la me be yewoakplɔm ayi Kaesarea. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la de dzi ƒo nam be magaxa nu be womenye Yudatɔwo o, ke boŋ mayi kpli wo, eya ta nye kple nɔvinye ade siwo le afi sia la míedze mɔ heyi. Eteƒe medidi o la, míeva ɖo ame si dɔ ame ɖo ɖem la ƒe aƒe me le Kaesarea. Ŋutsu sia gblɔ ale si mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae eye wògblɔ na ye be, ‘Dɔ ame ɖo ɖe Yopa ne woayɔ Simɔn si wogayɔna hã be Petro la vɛ na wò. Atsɔ gbedeasi aɖe vɛ na wò si ana be wò kple wò aƒe siaa miakpɔ ɖeɖe.’
“Esi mese nya sia la, mede asi nyanyui la gbɔgblɔ me na wo. Ke esi mele nyaa gbɔgblɔ dzi la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋutɔ dze wo dzi abe ale si tututu wòdze míawo hã dzii le gɔmedzedzea ene. Esi nu sia dzɔ alea ko la, Aƒetɔ ƒe nya si wògblɔ be, ‘Yohanes, de mawutsi ta na amewo kple tsi, ke miawo la, woade mawutsi ta na mi kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la’ va ta me nam enumake. Azɔ esi wònye Mawu ŋutɔe na nunana sia ame siawo abe ale si wòna míawo hã be míaxɔ Aƒetɔ Yesu Kristo dzi se ene ta la, ame kae menye be mahe nya kple Mawu?”
Esi wose Petro ƒe nya siawo la, woƒe nu ku, eye wokafu Mawu gblɔ be, “Ekema Mawu na mɔnukpɔkpɔ ame siwo menye Yudatɔwo o la hã be woatrɔ dzi me akpɔ agbe.”
Antioxia hame la
Le ɣeyiɣi siawo me la, xɔsetɔ siwo si le Yerusalem le yometiti si va le Stefano wuwu megbe la dometɔ aɖewo zɔ mɔ yi kekeke Foenisia, Kipro kple Antioxia nutowo me henɔ nyanyui la gblɔm na ame siwo nye Yudatɔwo ko. Gake xɔsetɔ siwo tso Kipro kple Kirene heyi Antioxia la dometɔ aɖewo ƒo nu na Helatɔ aɖewo hã tso Aƒetɔ Yesu ƒe nyanyui la ŋu. Eye Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ nɔ kpli wo, eye ameha gã aɖe xɔ se hezu Aƒetɔ la yomedzelawo.
Esi Hame si le Yerusalem la se nu si le edzi yim la, woɖo Barnabas ɖe Antioxia be woaɖakpe ɖe xɔsetɔ yeyeawo ŋu. Esi Barnabas kpɔ nu gã siwo Mawu wɔ le Antioxia la, dzi dzɔe ŋutɔ. Egado ŋusẽ xɔsetɔawo be woayi edzi alé ɖe Mawu ŋu goŋgoŋgoŋ nenye be nya sia nya le dzɔdzɔm hã. Barnabas nye ŋutsu dɔmenyotɔ aɖe si me Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ fũu eye eƒe xɔse hã li ke sesĩe. To ame sia ƒe dɔwɔwɔ me la, ame geɖewo trɔ zu Aƒetɔ la tɔ.
Tso Antioxia la, Barnabas ti Saulo ƒe mɔ yi Tarso. Esi wòke ɖe eŋu la ekplɔe, eye wo ame eve la trɔ va Antioxia henɔ afi ma ƒe ɖeka sɔŋ, nɔ nu fiam xɔsetɔwo. Antioxiae wona ŋkɔ xɔsetɔwo le zi gbãtɔ be, “Kristotɔwo.”
Nunana Kristohame si le Yerusalem
Le ɣeyiɣi sia me tututu la, Nyagblɔɖila aɖewo tso Yerusalem va Antioxia. Gbe ɖeka la, wo dometɔ ɖeka si woyɔna be Agabu la gblɔ nya ɖi tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ me be dɔ gã aɖe gbɔna toto ge le xexea me katã. (Nya sia va eme le Fia Klaudio ƒe dziɖuɣi.) Le esia ta xɔsetɔwo ɖo be yewoadzɔ nu, aɖo ɖe yewo nɔvi Kristotɔ siwo le Yudea eye ame sia ame nadzɔ nu abe ale si wòate ŋui ene. Wowɔ esia, eye wotsɔ woƒe nunanawo de Barnabas kple Saulo si be woatsɔ ayi na hanunɔlawo le Yerusalem.
Woɖe Petro le gaxɔ me nukutɔe
Le ɣe ma ɣi me la, Fia Herodes lé hamevi aɖewo heɖoe be yeawɔ fu wo le xɔse la ta. Ale wòwu Yakobo, Yohanes nɔvi la kple yi. Herodes kpɔ be nuwɔna sia do dzidzɔ na Yudatɔwo ƒe dumegãwo ŋutɔ, eya ta ena wolé Petro hã le esime wonɔ Ŋutitotoŋkeke la ɖum. Ke esi eƒe asi su edzi la, edee mɔ. Ena asrafo wuiade nɔ eŋu dzɔm. Herodes ɖoe be ne woɖu Ŋutitotoŋkekea vɔ la, yeaɖe asi le Petro ŋu na Yudatɔwo woadrɔ̃ ʋɔnui eye woawui. Ale Petro nɔ gaxɔ me, gake hame la katã nɔ gbe dom ɖa na Mawu vevie ɖe eta.
Le zã si do ŋgɔ na gbe si gbe Herodes ɖo be woaɖe Petro adrɔ̃ ʋɔnui la, Petro nɔ alɔ̃ dɔm le asrafo eve dome. Wode gakɔsɔkɔsɔ asi nɛ sesĩe. Asrafo bubuwo hã ganɔ gaxɔa ƒe agbonu dzɔm. Kasia Aƒetɔ la ƒe dɔla aɖe va do, eye Kekeli klẽ ɖe gaxɔ la me. Dɔla la ƒo Petro ƒe axame henyɔe tso alɔ̃ me. Egblɔ nɛ be, “Netsɔ, tsi tsitre!” Enumake gakɔsɔkɔsɔ la ge le Petro ƒe alɔnu. Tete mawudɔla la gblɔ nɛ be, “Do wò awuwo kple wò afɔkpa.” Petro wɔ nenema, eye mawudɔla la yi edzi gblɔ nɛ be, “Bla wò ali dzi sesĩe ne nàdze yonyeme.”
Petro wɔ abe ale si mawudɔla la gblɔ nɛ la ene, eye wòdze eyome do go le gaxɔ la me. Mebu nu si nɔ dzɔdzɔm la nu vavã o. Ewɔ nɛ abe drɔ̃e kum wònɔ alo ŋutega kpɔm wònɔ ene. Wozɔ to agbo gbãtɔ eveawo me bɔbɔe, eye esi wova ɖo agbo gã mamlɛa, si wotsɔ gakpo wɔe gbɔ la, agbo la ŋutɔ ʋu le eɖokui si, ale be wodo go hege ɖe dua ƒe ablɔ ŋutɔ dzi. Esi wogazɔ yi ŋgɔgbe vie ko la, mawudɔla la bu le Petro gbɔ.
Azɔ ko hafi Petro nya nu si tututu dzɔ, eye wògblɔ na eɖokui be, “Nyateƒe, Mawu dɔ eƒe dɔla ɖa wòva ɖem le Herodes kple Yudatɔwo ƒe ta me vɔ̃ si woɖo ɖe ŋunye la me.” Petro nɔ tsitre, bu ta me sẽe, eye wòɖoe be yeayi Maria si nye Marko Yohanes dada la ƒe aƒe me, afi si hametɔ geɖewo ƒo ƒu ɖo, henɔ gbe dom ɖa le.
Esi Petro va ɖo aƒea ƒe agbonu la, eƒo ʋɔa, eye dɔlanyɔnuvi aɖe si ŋkɔe nye Roda la va be yeaʋui. Ke gbã la, ebia ame si nɔ ʋɔa ƒom la ƒe ŋkɔ ta se. Esi Roda se Petro ƒe gbe le agboa godo la, dzi dzɔe ale gbegbe be wòƒu du yi ɖe aƒea me ɖagblɔe na ƒuƒoƒe la be “Petro va le agboa nu le eƒom!” Ameawo mexɔ nyɔnuvi la ƒe nya sia dzi se o eye ame aɖewo gblɔ nɛ gɔ̃ hã be, “Ewɔ abe ɖe wò susu da ene.” Ke eganɔ gbe tem ɖe edzi na ameawo be Petro ƒe gbee yese. Ale wogblɔ be, “Ɖewohĩ eƒe mawudɔlae.”
Ke Petro ganɔ ʋɔa ƒoƒo dzi ŋusẽtɔe. Mlɔeba la, woyi ɖaʋu agboa, eye esi wokpɔ Petro la, gbɔgblɔ bu ɖe wo ŋutɔ. Petro tsɔ asi wɔ dzesi na wo be woazi ɖoɖoe kpoo, ale wògblɔ ale si Aƒetɔ la ɖee le gaxɔa me la na wo. Egblɔ na wo be, “Migblɔ nu si va dzɔ la na Yakobo kple ame nɔviawo.” Emegbe eya ŋutɔ dzo yi teƒe bubu.
Le fɔŋli la, zi gã aɖe tɔ ɖe asrafoawo dome ku ɖe nu si va dzɔ ɖe Petro dzi ŋu. Esi Herodes dɔ ame ɖo ɖa be woakplɔ Petro vɛ, eye womekpɔe o la, ena wolé asrafo wuiadeawo katã drɔ̃ ʋɔnu wo, eye wotso kufia na wo, hewu wo enumake. Le esia megbe la, Herodes dzo le Yudea yi ɖanɔ Kaesarea vie.
Herodes ƒe ku
Le esime Herodes nɔ Kaesarea la, ame dɔdɔ aɖewo tso Tiro kple Sidon va egbɔ. Herodes melɔ̃a Tirotɔwo kple Sidontɔwo ƒe nya kura o. Le esia ta la, ame dɔdɔawo va dze xɔlɔ̃ Blasto si nye agbalẽŋlɔla gã le fia la ƒe aƒe me gbɔ, eye wobia tso esi be wòaɖe kuku na Herodes ɖe yewo nu, ale be ŋutifafa nava yewo kple fia la dome. Esia hiã vevie, elabena Tirotɔwo kple Sidontɔwo kpɔa woƒe nunyiame tso dukɔ siwo dzi ɖum Herodes le la gbɔ. Woɖo ŋkeke na ame dɔdɔawo be woava kpɔ Herodes. Esi ŋkeke la ɖo la, wova ƒo ƒu, eye Herodes do eƒe fiawu nɔ eƒe fiazikpui dzi, heƒo nu na amehawo. Esi wòƒo nu vɔ la, amehawo do ɣli kple dzidzɔ heda ŋkɔ ɖe edzi be, “Eƒo nu abe mawu aɖe ene, eye menye abe amegbetɔ ene o.” Esia na be dzi dzɔ Herodes ŋutɔ, eye wòkɔ eɖokui ɖe dzi hlodzoo.
Enumake, mawudɔla aɖe ƒo Herodes ƒu anyi, elabena metsɔ kafukafu na Mawu o. Ŋɔviwo ɖui, eye wòku.
Le ɣeyiɣi siawo me la, Mawu ƒe nya la nɔ ta kekem alɔtsɔtsɔe eye ame geɖewo trɔ zu xɔsetɔwo.
Barnabas kple Saulo tiatia kple wo dɔdɔ
Barnabas kple Saulo gaɖi tsa va Yerusalem, eye esi wowu dɔ si wɔ ge woyi nu teti ko la, wogatrɔ dzo yi Antioxia, eye wokplɔ Marko si wogayɔna be Yohanes hã yii.
Nyagblɔɖila kple nufiala aɖewo nɔ Antioxia Hame la me ɣe ma ɣi, eye wo dometɔ aɖewoe nye Barnabas kple Simeon si wogayɔna be Niga, Lukio tso Kirene, Manain (si nye Fia Herodes nɔvi) kple Saulo. Gbe ɖeka la, esi ame siawo nɔ Aƒetɔ la subɔm, nɔ nu tsim nɔ dɔdɔm la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔ na wo be, “Mitia Barnabas kple Saulo be woaɖawɔ dɔ tɔxɛ si ta meyɔ wo ɖo la nam.” Wogayi edzi wɔ nutsitsidɔ hedo gbe ɖa ɣeyiɣi aɖe, eye le esia megbe la, woda asi ɖe Barnabas kple Saulo dzi, do gbe ɖa ɖe wo ta, eye wodo mɔ wo be woayi.
Le Kipro la, Saulo kple Barnabas wodze mɔ le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe kpɔkplɔ te heyi ɖe Seleukia. Le afi sia la, woɖo tɔdziʋu heyi ɖe Kipro. Wokplɔ Marko Yohanes hã ɖe asi abe woƒe kpeɖeŋutɔ ene. Esi wova ɖo du si woyɔna be Salamis me la, woyi ɖe Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe, eye wogblɔ mawunya le afi ma. Yohanes nɔ wo ŋu abe kpekpeɖeŋunala ene.
Le esia megbe la, wogblɔ mawunya le du geɖewo me tso teƒe yi teƒe le Kipro ƒukpo blibo la dzi va se ɖe esi wova ɖo du si woyɔna be Pafo la me. Le afi sia wokpɔ Yudatɔ aɖe si woyɔna be Bar Yesu. Ame sia nye afakala kple aʋatsonyagbɔɖila. Ame sia nye dɔtsɔla na mɔmefia si le afi ma si woyɔna be Sergio Paulo. Mɔmefia la nye ame si ƒe tagbɔ kɔ, eye wòdɔ woyi ɖayɔ Barnabas kple Saulo, elabena edi be yease Mawu ƒe nya. Esi wonɔ nya la gblɔm nɛ la, afakala Elima (elabena nenemae nye eƒe ŋkɔ le Grikigbe me) tsi tsitre ɖe wo ŋu, eye wòte kpɔ be yeagblẽ to na mɔmefia la be megaxɔ Mawu dzi se o. Ke Saulo, ame si wogayɔna be Paulo, si me Gbɔgbɔ Kɔkɔe yɔ fũu la li ŋku ɖe Elima dzi gãa kple dziku, eye wòblu ɖe eta be, “Wò Abosam ƒe vi, ame vɔ̃ɖi, wò ameflula si léa fu nu nyui ɖe sia ɖe, ɣe ka ɣie nàdzudzɔ tsitretsitsi ɖe Aƒetɔ la ƒe mɔ dzɔdzɔe la ŋu? Azɔ Mawu ahe to na wò, eya ta wò ŋkuwo agbã, ale be màgate ŋu akpɔ ɣe ƒe keklẽ o hena ɣeyiɣi aɖe.”
Enumake Elima ƒe ŋku dzi tsyɔ̃ eye wòde asi asitsatsa le yame me henɔ kuku ɖem be ame aɖe nalé yeƒe alɔnu afia mɔ ye. Esi mɔmefia la kpɔ nu si dzɔ la, exɔe se, elabena eƒe nu ku le nufiafia si wòse tso Aƒetɔ la ŋu ta.
Paulo kple Barnabas woɖo Antioxia si le Pisidia
Le nu siawo megbe la, Paulo kple eŋumewo ɖo tɔdziʋu hedzo le Pafo heva Perga le Pamfilia nuto me, afi sia Yohanes gblẽ wo ɖi le hetrɔ yi Yerusalem. Ke Barnabas kple Paulo ya tso eme yi Antioxia si le Pisidia nuto me.
Le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi la, woyi sɔleme le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe. Esi woxlẽ nya tso Mose ƒe Agbalẽ kple Nyagblɔɖilawo ƒe Agbalẽawo me vɔ abe ale si wowɔna ɖaa ene la, ƒuƒoƒemegãwo dɔ ame ɖo ɖe Barnabas kple Paulo gbɔ gblɔ be, “Nɔviŋutsuwo, ne nuxlɔ̃amenya aɖe le mia si na ameawo la, migblɔe, míeɖe kuku.”
Paulo tsi tsitre heɖo asi wo dzi, eye wògblɔ na wo be, “Israel ŋutsuwo kple ame sia ame si le afi sia si vɔ̃a Mawu la, miɖo tom!
“Israel dukɔ sia ƒe Mawu tia míaƒe dukɔ sia, eye wòde bubu eŋu. Eɖee tso kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi bubutɔe. Ekpɔ wo dzi, kplɔ wo ɖɔɖɔɖɔ le gbedzi ƒe blaene sɔŋ. Le esia megbe la, Mawu tsrɔ̃ dukɔ adre sɔŋ le Kananyigba dzi, eye wòtsɔ anyigba sia na Israelviwo abe woƒe domenyinu ene. Nu siawo yi edzi anɔ abe ƒe alafa ene blaetɔ̃ (450). Le esiawo megbe la, Mawu na ʋɔnudrɔ̃lawo ɖu dukɔa dzi va se ɖe Nyagblɔɖila Samuel dzi.
“Ke nu kae va dzɔ? Israelviwo ɖe kuku na Mawu be wòana fia yewo abe ale si wòle dukɔ bubuwo sii la ene, eya ta Mawu na Saulo si nye Kish ƒe vi la va ɖu fia ɖe wo dzi. Saulo tso Benyamin ƒomea me, eye wòɖu fia ƒe blaene. Ke emegbe la, Mawu ɖe Saulo ɖa le zikpui la dzi, eye wòtsɔ David si nye Yese ƒe vi la ɖo fiae ɖe eteƒe. Mawu kpɔ ŋudzedze le David ŋu, eye wòɖi ɖase le eŋu be, ‘David nye ame si dze nye dzi ŋu, elabena ewɔ nye lɔlɔ̃nu.’ Fia David sia ƒe dzidzimevie nye Yesu, ame si nye Ɖela si ŋugbe Mawu do na Israel dukɔ la.”
Paulo yi eƒe nuƒoa dzi be, “Hafi Yesu sia nava la, ame aɖe va do ŋgɔ nɛ si nye Yohanes Mawutsidetanamela. Ame sia gblɔ mawunya be ehiã be Israelviwo katã nadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, eye woatrɔ ɖe Mawu ŋu. Esi Yohanes nɔ eƒe dɔ nu wum la, ebia amewo be, ‘Ɖe miebu be nyee nye Kristo la mahã? Kpao menye nyee o. Ame si gbɔna la tri akɔ wum. Nyemedze ne matu eƒe afɔkpaka gɔ̃ hã o.’
“Nɔvinyewo, mi Abraham ƒe dzidzimeviwo kple mi ame siwo menye Yudatɔwo o siwo vɔ̃a Mawu sia la, medi be mianya be míawoe woɖo ɖeɖe ƒe gbedeasi sia ɖo.” Ame siwo le Yerusalem kple woƒe dumegãwo, esi womedze si ame sia kple nyagblɔɖilawo ƒe nya siwo woxlẽna le Dzudzɔgbe sia Dzudzɔgbe dzi o la, wowu wo nu to woƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ me. Le nyateƒe me la, womekpɔ vodada aɖeke le eŋu be wòadze na ku o, gake wobia tso Pilato si be wòatso kufia nɛ kokoko. Esi nu sia nu va eme pɛpɛpɛ abe ale si woŋlɔe da ɖi le eƒe ku ŋu ene la, woɖe eƒe kukua le atitsoga ŋu heɖii ɖe yɔdo me.
“Ke nɔvinyewo, Mawu gagbɔ agbee tso ku me, eye wòɖe eɖokui fia ame siwo nɔ eŋu tso Yerusalem yi Galilea la zi geɖe. Ame siawo ɖi ɖase le eƒe tsitretsitsi ŋu ɖaa le dutoƒo le teƒe geɖewo. Nyanyui sia gblɔm míele na mi; ŋugbe si Mawu do na mía fofowo, ŋugbedodo sia va eme na mí, wo viwo esi wòfɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome abe ale si woŋlɔe ɖe Psalmo evelia mee ene be,
“ ‘Wòe nye vinye ŋutsu,
egbe mezu fofowò.’
Esi Mawu fɔe ɖe tsitsre, eye wòɖo kpe edzi be eƒe ŋutilã maganyunyɔ akpɔ o ta la, egblɔ le eŋuti be,
“ ‘Matsɔ yayra kɔkɔe kple vavãtɔ si ŋugbe wodo na David la na wò.’
Nenema ke wogblɔ le teƒe bubu hã be,
“ ‘Mana wò kɔkɔetɔ la ƒe ŋutilã manyunyɔ o.’
“Esi David wɔ eƒe agbemedɔ vɔ abe ale si Mawu dii ene la, eku, woɖii ɖe fofoawo dome, eye eƒe ŋutilã ƒaƒã ɖe tome. Nya siawo ku ɖe ame bubu aɖe si Mawu gbɔ agbee tso ku me, eye ku mekpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe edzi o la boŋ ŋu.”
Paulo yi eƒe nuƒoa dzi gblɔ na wo be, “Nɔvinyewo, miɖo to miase nya sia ɖa. Yesu sia tae woatsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi. Ame sia ame si xɔ edzi se la, woaɖee tso nu vɔ̃ ƒe kɔkuti me, eye wòazu ame dzɔdzɔe. Nu sia nye nu gã aɖe si Mose ƒe sewo mete ŋu wɔ na ame aɖeke o. Mikpɔ nyuie, be nya siwo nyagblɔɖilawo gblɔ la nagaɖi mia ŋu o. Wogblɔe be,
“ ‘Mi ame siwo doa vlo nyateƒe la,
mike ŋku ɖi miakpɔ nu ʋuu va se ɖe esime miatsrɔ̃.
Mele nane wɔ ge le wò ŋkekewo me
esi ne wogblɔe na wò la
màxɔe ase o.’ ”
Gbe ma gbe la, Paulo kple Barnabas nɔ go dom le ƒuƒoƒea la, ameawo gblɔ na Paulo be eƒe nyawo vivi yewo nu ŋutɔ, eya ta wòagatrɔ ava ƒo nu na yewo le Dzudzɔgbe si agava la dzi. Ke ame geɖe siwo nye Yudatɔwo kple trɔ̃subɔla zu Yudatɔ siwo vɔ̃a Mawu la dze wo yome le ablɔ dzi, eye Paulo kple Barnabas gblɔ na wo kple kukuɖeɖe be woanɔ Mawu ƒe amenuveve la me.
Le Dzudzɔgbe si dze eyome dzi la, du blibo la katã kloe va ƒo ƒu be yewoase Aƒetɔ ƒe nya la. Amehawo ƒe agbɔsɔsɔ alea do ŋɔdzi na Yudatɔwo ale woʋã ŋu Paulo kple Barnabas, eya ta wogblɔ busunyawo, eye wotsi tsitre ɖe nya sia nya si Paulo gblɔ la ŋu vevie.
Ke Paulo kple Barnabas wogblɔ kple dzideƒo na wo be, “Edze be woagblɔ Mawu ƒe nya na mi Yudatɔwo gbã, gake esi mieɖi gbɔ̃ nyanyui la, eye miebu mia ɖokui be yewomedze na agbe mavɔ la o la, fifia míatsɔe ayi na ame siwo menye Yudatɔwo o boŋ. Esia nye se si Aƒetɔ la de na mí be,
“ ‘Mewɔ wò be nànye kekeli na ame siwo menye Yudatɔwo o,
eye nàkplɔ wo tso xexea me ƒe dzogoewo katã dzi
ava be woakpɔ ɖeɖe le gbɔnye.’ ”
Paulo ƒe nya sia do dzidzɔ na ame siwo menye Yudatɔwo o, eye wokafu Mawu. Wo dometɔ siwo Mawu ŋutɔ tia da ɖi na agbe mavɔ la xɔe se. Ale wɔ Aƒetɔ la ƒe nya la keke ta le nuto ma katã me. Dɔ me ve Yudatɔwo ƒe dumegãwo ale gbegbe be wode ʋunyaʋunya dua me nyɔnu ŋkuta siwo vɔ̃a Mawu kple dumegãwo me, ale be tɔtɔ gã aɖe va, eye to esia me la, wonya Paulo kple Barnabas do goe le dua me. Ke woawo hã ʋuʋu woƒe afɔkewo ɖe anyi abe dzidzɔmakpɔmakpɔ ƒe dzesi ene, eye woyi woƒe mɔzɔzɔ la dzi ɖo ta Ikonio. Ke dzidzɔ blibo yɔ ame siwo trɔ zu xɔsetɔwo la me, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la hã yɔ wo me fũu.
Paulo va ɖo Ikonio
Abe ale si wowɔnɛ le afi sia afi si woyi ene la, Paulo kple Barnabas gayi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe le Ikonio hã, eye wogblɔ nya kple ŋusẽ tɔxɛ aɖe, ale be ame geɖe siwo nye Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa trɔ zu xɔsetɔwo.
Ke Yudatɔ siwo medina be yewoaxɔ Mawu ƒe ɖeɖenya sia dzi ase o la, gblɔ nya baɖa ƒomevi geɖewo ɖe wo nɔviawo ŋu. Wowɔ esia be ame siwo menye Yudatɔwo o la nagaxɔ woƒe nyawo dzi ase o. Esia hã meɖe dzi le Paulo kple Barnabas ƒo kura o, ke boŋ wonɔ dua me hegblɔ amenuvevenya kple dzideƒo ɣeyiɣi didi aɖe. Aƒetɔ la na ŋusẽ wo wowɔ nukunu kple dzesi geɖewo be yewoafia kɔtɛe be eƒe nya la kakam yewole vavã. Dua me tɔwo ma ɖe akpa eve, ɖewo nɔ Yudatɔwo ƒe dumegãwo yome eye ɖewo hã nɔ apostoloawo yome.
Ke ame siwo menye Yudatɔwo o, kpakple Yudatɔwo kple woƒe dumegãwo wɔ ɖoɖo be yewoadze Paulo kple Barnabas dzi aƒu kpe wo, awɔ nu vevi wo. Esi Apostoloawo se nya sia la, wosi dzo le dua me heyi Likaonia ƒe duwo, Listra kple Derbe nutowo me, eye wogblɔ nyanyui la le teƒe mawo hã.
Paulo va ɖo Listra kple Derbe
Le Listra la, ŋutsu aɖe le anyinɔƒe, ame si metea ŋu tsia tsitre o, eye wònye tekunɔ tso dadaa ƒe dɔ me ke; mezɔ azɔli kpɔ o. Ame sia ɖo to Paulo esi wònɔ nu ƒom na ameawo. Paulo li ŋku ɖe edzi gãa, eye wòkpɔ be xɔse le esi na dɔyɔyɔ, eya ta Paulo yɔe gblɔ be, “Tsi tsitre!” Le gbeɖeɖe sia nu la, ŋutsu la ti kpo, eye wòde asi azɔlizɔzɔ me.
Esi ameha la kpɔ nukunu si Paulo wɔ la, wodo ɣli le Likaoniagbe me be “Mawuawo ɖi va mía gbɔ le amegbetɔ ƒe nɔnɔme me!” Le woƒe nuwɔnawo ta la, wona ŋkɔ Barnabas be Zeus, eye woyɔ Paulo be Hermes, elabena eyae nye ame si nɔ nu ƒom geɖe wu. Enumake Zeus ƒe trɔ̃nua si ƒe nɔƒe le dua godo la tsɔ seƒoƒowo kple nunanawo fũu vɛ, eye wòwɔ dzadzraɖo be yeawu nyitsu gã aɖe atsɔ asa vɔe na wo le dua ƒe agbowo nu le ameha la ŋkume.
Ke esi apostoloawo, Barnabas kple Paulo see la, wodze woƒe awuwo, eye woƒu du ge ɖe ameawo dome eye wodo ɣli gblɔ na wo be, “Mía tɔwo, nu kae nye busunu sia wɔm miele? Míawo hã amegbetɔwo ko míenye abe miawo ke ene. Ɖe míeva be míagblɔ nyanyui sia na mi be miadzudzɔ nu maɖinu siawo tɔgbi subɔsubɔ, eye miado gbe ɖa na Mawu gbagbe si wɔ dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kple nu siwo katã le eme la boŋ. Tsã la, Mawu ɖe asi le dukɔ ɖe sia ɖe ŋu wòwɔ nu si dze eŋu. Ke hã la, medzudzɔ ɖaseɖiɖi tso eɖokui ŋuti o, elabena ewɔa nu nyuiwo na mí; enaa tsidzadza mí tso dziƒo kple nuƒãɣiwo kpakple nuŋeɣiwo, eye wòna nuɖuɖu geɖe mí hetsɔ dzidzɔ yɔ míaƒe dziwo me fũu.”
Togbɔ be woɖe nya me na ameawo alea hã la, esesẽ hafi wozi wo dzi be womete ŋu sa vɔ la na wo o.
Ke le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, Yudatɔ aɖewo gatso Antioxia kple Ikonio va do ɖe Listra, eye wogade ʋunyaʋunya dua me tɔwo me ɖe Paulo ŋu. Amehawo ho ɖe Paulo ŋu, ƒu kpee va se ɖe esime wòku ƒenyi, eye wohee do goe le dua me, elabena wobu be eku. Xɔsetɔwo kple nɔvinɔviwo va ƒo ƒu ɖe eŋu kasia, Paulo fɔ, wo katã wotrɔ yi Listra dua me, eye le ŋkeke evea gbe la, wo kple Barnabas wodzo yi Derbe.
Paulo Kple Barnabas trɔ va Antioxia le Siria
Wonɔ Derbe hegblɔ nyanyui la le afi ma ŋkeke ʋɛ aɖewo, eye ame geɖewo trɔ zu woƒe nusrɔ̃lawo. Emegbe la, wogatrɔ yi Listra, Ikonio kple Antioxia, eye wodo ŋusẽ xɔsetɔwo be woalé xɔse me ɖe asi. Wode dzi ƒo na xɔsetɔawo be, “Ele na mí be míato fukpekpe geɖewo me hafi age ɖe mawufiaɖuƒe la me.” Paulo kple Barnabas ɖo hamemegãwo ɖe hame sia hame nu, eye wowɔ nutsitsidɔ kple gbedodoɖa hetsɔ ameawo de asi na Aƒetɔ si dzi woxɔ se. Azɔ woyi woƒe mɔzɔzɔ dzi to Pisidia nuto me va ɖo Pamfilia alo Terki. Wogagblɔ nya le Perga hã hafi tso eme yi Atalia.
Mlɔeba la, woɖo tɔdziʋu tso Atalia hetrɔ va ɖo Antioxia, afi si wodze woƒe mɔzɔzɔ gɔme le. Afi siae wobia Mawu ƒe amenuveve na wo, ku ɖe dɔ si nu wowu fifia la ŋu.
Esi wogbɔ va ɖo Antioxia la, woyɔ xɔsetɔawo katã ƒo ƒu hegblɔ nu gã siwo Mawu wɔ kpli wo la na wo. Wogblɔ ale si Mawu ʋu xɔse ƒe mɔ na ame siwo menye Yudatɔwo o la hã na ameawo. Paulo kple Barnabas tsi Antioxia henɔ xɔsetɔawo gbɔ ɣeyiɣi didi aɖe.
Hametakpekpe le Yerusalem
Le ɣeyiɣi si me Paulo kple Barnabas wonɔ Antioxia la, ame aɖewo tso Yudea va Antioxia dua me. Ame siawo va nɔ nu fiam xɔsetɔawo be ehiã vevie be woatso aʋa na wo ɖe Mose ƒe kɔnuwo nu hafi woakpɔ ɖeɖe. Paulo kple Barnabas melɔ̃ ɖe nya sia dzi kura o, ale wohe nya kple ame siawo vevie. Mlɔeba la, Antioxia Hame la ɖe hametɔ aɖewo kpe ɖe Paulo kple Barnabas ŋu heɖo wo ɖe Yerusalem be woaɖadzro nya sia me kple Apostoloawo kple hamemegãwo, anya woƒe susu le eŋu ava gblɔ na yewo. Hametɔwo katã yi ɖaɖo ame dɔdɔawo ɖa va se ɖe Antioxia dua godo, eye woyi woƒe mɔzɔzɔ dzi. Le mɔa dzi la, ame dɔdɔawo tɔ ɖe Foenisia kple Samaria, du siwo le mɔa dzi la me, eye wogblɔ ale si Mawu le dɔ wɔm le ame siwo menye Yudatɔwo o dome la na xɔsetɔ siwo le afi ma. Nya sia do dzidzɔ blibo na ame sia ame si see. Esi ame dɔdɔawo va ɖo Yerusalem la, hamea kple apostoloawo kpakple hamemegãwo xɔ wo, eye woka nu siwo katã Mawu wɔ kpli wo la ta na wo.
Ke ame siwo nye Farisitɔwo tsã hafi trɔ zu Kristotɔwo la tsi tsitre, eye wogblɔ be, “Ele be woatso aʋa na ame siwo menye Yudatɔwo o, siwo trɔ zu xɔsetɔwo la katã, eye woawɔ ɖe Mose ƒe sewo dzi.”
Ke apostolowo kple hamemegãwo ɖe kpɔ hedzro biabia sia me nyuie. Le nyamedzodzro geɖe megbe la, Petro tsi tsitre gblɔ na wo be, “Nɔvinyewo, miawo ŋutɔ mienya be anɔ abe ƒe aɖewoe nye esi va yi ene la, Mawu tiam le mia dome, eye wòdɔm ɖa be magblɔ nyanyui la na ame siwo menye Yudatɔwo o, ale be woawo hã woaxɔ se. Mawu si nya amegbetɔ ɖe sia ɖe ƒe dzi me la xɔ wo hena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la wo abe ale si wòna míawo hã ene. Mede vovototo aɖeke mí kple woawo dome o, elabena eɖe woƒe nu vɔ̃wo ɖa to xɔse me abe míawo ke ene. Ke nɔvinyewo, nu ka ta miedi be miate Mawu kpɔ adi be yewoatsɔ agba kpekpe si míawo ŋutɔ kple mía tɔgbuitɔgbuiwo mete ŋu tsɔ o la ada ɖe wo dzi be woatsɔ mahã? Ao, míexɔe se to mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve me, eye esia me míekpɔ xɔxɔ abe woawo ke ene le.”
Le nuƒo sia megbe la, ƒuƒoƒe la zi ɖoɖoe, eye nyahehe aɖeke megayi edzi o. Esia na mɔnukpɔkpɔ Paulo kple Barnabas be wogblɔ nukunu kple dzesi gã siwo Mawu wɔ to wo dzi le ame siwo menye Yudatɔwo o dome la na wo. Esi woƒo nu vɔ la, Yakobo hã tsi tsitre ƒo nu gblɔ be, “Nɔviwo, miɖo tom. Simɔn gblɔ ale si Mawu ŋutɔ tia amewo tso ame siwo menye Yudatɔwo o dome be woasubɔ ye la na mi. Nyagblɔɖilawo ƒe nya sɔ kple nu siwo wogblɔ na mi abe ale si woŋlɔ ɖi ene be,
“ ‘Le nu siawo megbe la, magatrɔ ava,
eye magatu David ƒe aƒe si mu dze anyi la.
Magbugbɔ aɖo eƒe gli gbagbãwo,
eye mafɔ wo ɖe tsitre,
ale be ame mamlɛawo adi Aƒetɔ la ƒe mɔ
kple ame siwo menye Yudatɔwo o siwo ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la.
Aƒetɔ la, ame si wɔa nu siawo katã lae gblɔe.’
Esiwo le nyanya me nɛ tso blema ke.
“Esia ta nye nyametsotsoe nye be mehiã be míaɖe fu na ame siwo menye Yudatɔwo o, eye wole tɔtrɔm ɖe Mawu ŋu la o. Ke ɖeko míaŋlɔ na wo be woadzudzɔ lã siwo wotsɔ sa vɔe na trɔ̃wo kple lã siwo tsi ʋu me la ɖuɖu, eye hekpe ɖe esiawo ŋu la, woadzudzɔ ahasiwɔwɔ. Elabena tso blema ke la, wogblɔ Mose ƒe se la na mí le du sia du me le ƒuƒoƒewo katã le Dzudzɔgbe sia Dzudzɔgbe dzi na Yudatɔwo katã.”
Hametakpekpe la ƒe agbalẽ na Hela kristotɔwo
Azɔ la, apostoloawo kple hamemegãwo katã va lɔ̃ ɖe edzi be yewoaɖe ame aɖewo woakplɔ Paulo kple Barnabas ɖo ayi Antioxia be woaɖagblɔ nu si dzi woɖo kpee la na hame si le afi ma. Wotia Yuda (si wogayɔna be Barsaba) kple Silas, ame siwo nye amegãwo le hamea me. Woŋlɔ agbalẽ de ame dɔdɔawo si, eye emenyawo yi ale:
Mía nɔvi siwo menye Yudatɔwo o siwo trɔ zu xɔsetɔwo le Antioxia, Siria kple Kilikia,
Mixɔ gbedoname tso.
Apostolowo, hamemegãwo kple mia nɔvi siwo le Yerusalem la gbɔ.
Míese be xɔsetɔ aɖewo, siwo tso mía gbɔ le afi sia la va mia dome, eye wova gblɔ nya aɖewo, siwo ɖe fu na miaƒe susu, eye woʋuʋu miaƒe xɔse kple ɖeɖekpɔkpɔ. Míedi be mianya be menye míawoe dɔ ame siawo ɖo ɖe mi o. Ke esi míawo hã míebu nya la ŋu, eye mí katã míeɖo kpe nu si nye nyateƒea dzi vɔ la, míeɖoe be anye susu nyui aɖe ŋutɔ be míaɖe ame dɔdɔ eve siwo akplɔ mía nɔvi lɔlɔ̃awo, Paulo kple Barnabas, ɖo ava mia gbɔ. Ame dɔdɔ eve siawoe nye Yuda kple Sila, ame siwo tsɔ woƒe agbe ke faa na míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo. Azɔ míedɔ Yuda kple Silas ɖa, ame siawo aƒo nu, aɖo kpe nu si nye míaƒe susu le nya siwo le fu ɖem na miaƒe susuwo la dzi na mi. Míekpɔe dze sii be enyo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kple míawo hã ŋu be, menyo be míatsɔ agba gã aɖeke ada ɖe mia dzi wu nu vevi siawo ko o, be miatsri trɔ̃wo ƒe vɔsawo kple ʋu kple lã tsiʋumewo ɖuɖu, eye miatsri ahasiwɔwɔ hã. Ne miekpɔ mia ɖokui dzi nyuie le nu siawo me la, ekema miewɔe nyuie.
Minɔ anyi sesĩe.
Ame dɔdɔ eneawo dze mɔ ɖo ta Antioxia enumake. Esi wova ɖo la, woƒo kristotɔwo katã nu ƒu, eye wotsɔ gbedeasi la ɖo woƒe ŋkume. Esi woxlẽ agbalẽ la, eye wose emenyawo la, hame la katã kpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe. Hekpe ɖe agbalẽa ŋu la, Yuda kple Silas, ame siwo hã nye nyagblɔɖilawo la gaƒo nu geɖe na hame la hedo ŋusẽ woƒe xɔse. Wonɔ Antioxia ŋkeke geɖe hafi wodo mɔ wo kple dzidzɔgbedoname tso Antioxia Hame gbɔ vɛ na Yerusalem hame si dɔ wo. [ Ke enyo Sila ŋu be yeatsi afi ma.] Paulo kple Barnabas hã gatsi Antioxia hena kpekpe ɖe ame siwo nɔ Aƒetɔ la ƒe nya gblɔm henɔ nu fiam amewo le afi ma la ŋu.
Paulo kple Barnabas ƒe mama
Le ŋkeke aɖewo megbe la, Paulo doe ɖe Barnabas gbɔ be, “Na míatrɔ ayi aɖakpɔ nɔvi siwo le du siwo me míegblɔ Aƒetɔ la ƒe nya la le la, akpɔ ale si wole zɔzɔmee la ɖa.” Barnabas lɔ̃, ke edi be yewoakplɔ Yohanes si woyɔna be Marko la akpe ɖe yewo ɖokui ŋu. Ke le ale si Marko gblẽ wo ɖi le Pamfilia, eye meyi dɔa dzi kple wo o ta la, Paulo mebui be enyo be wòagayi kpli yewo o. Nu sia he masɔmasɔ de Paul kple Barnabas dome ale gbegbe be wo dome ma. Barnabas kplɔ Marko ɖe asi, eye woɖo tɔdziʋu yi Kipro. Ke Paulo hã kplɔ Silas kpe ɖe eɖokui ŋu, eye nɔviawo tsɔ wo de asi na Aƒetɔ la ƒe amenuveve. Woto Siria kple Kilikia nutowo me henɔ ŋusẽ dom hame siwo le afi mawo.
Timoteo kpe ɖe Paulo kple Sila ŋu
Teƒe gbãtɔ si Paulo kple Sila de lae nye Derbe. Emegbe la, woyi Listra. Le afi sia la, wodo go nusrɔ̃la aɖe si ŋkɔe nye Timoteo, ame si dada nye Yudatɔ kple xɔsetɔ, ke fofoa nye Grikitɔ. Timoteo nye ɖekakpui aɖe si ƒe dɔwɔwɔ dze kristotɔ siwo le Listra kple Ikonio la ŋu ŋutɔ. Le esia ta la, Paulo bia tso esi be wòadze yewo yome le yewoƒe mɔzɔzɔ la me. Hafi woadze mɔ la, Paulo tso aʋa na Timoteo be wòaganye nuɖianu na Yudatɔ siwo le nuto la me o, elabena ele nyanya me na ame sia ame be Helatɔe nye Timoteo fofo. Azɔ woyi woƒe mɔzɔzɔ dzi henɔ tsatsam le duwo me. Afi sia afi si woɖo la, wogblɔa nya siwo dzi apostolowo kple hamemegãwo ɖo kpee le Yerusalem la na wo be woalé wo me ɖe asi. Esia na be hameawo tsi ɖe edzi le xɔse me, eye woƒe xexlẽme hã dzi ɖe edzi.
Paulo kpɔ ŋutega tso Makedonia
Tso afi ma la, woyi Frigia kple Galatia nuto me, elabena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la meɖe mɔ na wo be woayi Asianyigba dzi le ɣeyiɣi sia me o. Woto Misia liƒo dzi heyina Bitinia lɔƒo. Ke Yesu ƒe gbɔgbɔ gaxe mɔ na wo, eya ta womete ŋu yi Bitinia o, ke boŋ woto Misia nuto me heyi Troa.
Le gbe ma gbe ƒe zã me la, Paulo kpɔ ŋutega aɖe. Ekpɔ ame aɖe si tsi tsitre ɖe Makedonia le Helanyigba dzi nɔ kuku ɖem nɛ be, “Tso ƒu la nàva mía gbɔ le Makedonia afi sia, ne nàva kpe ɖe mía ŋu.” Enumake míeɖoe be míayi Makedonia, elabena edze na mí kɔtɛe be Mawu le mía ɖom ɖe afi ma be míaɖagblɔ nyanyui la.
Lidia trɔ dzi me le Filipi
Míeɖo tɔdziʋu le Troa va Samotrake, eye le ŋkeke evea gbe la, míeva ɖo Neapoli. Mlɔeba la, míeva ɖo Filipi si nye Romatɔwo ƒe du aɖe si le Makedonianyigba ƒe liƒo dzi tututu. Míenɔ afi ma ŋkeke geɖewo.
Le Dzudzɔgbe dzi la, míeyi tɔsisi aɖe si didi tso dua gbɔ vie la to, afi si míese be ame aɖewo ƒoa ƒu ɖo doa gbe ɖa le, eye gbe ma gbe la, míegblɔ mawunya na nyɔnu siwo va teƒea. Nyɔnu siawo dometɔ ɖekae nye Lidia, si nye avɔdzrala aɖe tso Tiatira. Enye mawuvɔ̃la xoxo, eye esi Paulo nɔ nu ƒom la, Mawu ʋu eƒe dzi, eye wòxɔ nya siwo katã Paulo gblɔ la dzi se. Esia ta míede mawutsi ta na eya kple eƒe aƒemetɔwo katã, eye emegbe la, ekpe mí be míava dze yeƒe aƒe me. Lidia gblɔ na mí be, “Ne miexɔe se tututu be menye Aƒetɔ la dzixɔsela vavã la, ekema miva dze gbɔnye.” Eƒoe ɖe mía nu ʋuu va se ɖe esime míelɔ̃ ɖadze egbɔ.
Wode Paulo kple Sila gaxɔ me
Gbe ɖeka la, esi míenɔ mɔ dzi yina gbedoɖaƒe le tɔa to la, míedo go dɔlanyɔnuvi aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ, eye wòtea ŋu kaa nu na amewo, eye to esia me wòwɔa ga geɖe ŋutɔ na eƒe aƒetɔ, elabena kluvi wònye. Ɖetugbi sia nɔ Paulo kple mía yome nɔ ɣli dom be, “Ame siawo la, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe dɔlawo wonye, eye ɖe wova be yewoafia ale si miawɔ be miakpɔ ɖeɖe la mi.” Ɖetugbi la wɔ nu sia ŋkeke geɖe, ke gbe ɖeka la, eva glo Paulo, ale wòtrɔ ɖe ɖetugbi la ŋu heblu ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ si le eme la ta be, “Mele gbe ɖem na wò le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me be nàdo go le ɖetugbi sia me fifi laa!” Gbɔgbɔ vɔ̃ la do go le eme enumake.
Nuwɔna sia do dziku na ɖetugbi sia ƒe aƒetɔwo, elabena wobu woƒe gakpɔmɔnu. Le esia ta la, wona wolé Paulo kple Silas hekplɔ wo yi dumegãwo ƒe ŋkume le dutoƒo. Wotso wo nu le ʋɔnudrɔ̃lawo ŋkume be, “Yudatɔ siawo va le to gblẽm na amewo le dua me be woawɔ nu siwo tsi tsitre ɖe Romatɔwo ƒe sewo ŋu.”
Kasia, ameha gã aɖe va ƒo ƒu tsi tsitre ɖe wo ŋu. Ʋɔnudrɔ̃lawo na be wodze woƒe awuwo, eye woɖe gbe be woaƒo wo kple ati. Esi woƒo wo wòte wo ŋu nyuie la, wotsɔ wo de gaxɔ me, eye wogblɔ na gaxɔdzikpɔla vevie be wòakpɔ wo dzi nyuie. Le esia ta la, gaxɔdzikpɔla hã mefe kpli wo kura o. Etsɔ wo de gaxɔa ƒe gogloeaƒe ke, eye wòde ga afɔ na wo sesĩe.
Le zã bliboa me la, Paulo kple Silas wonɔ gbe dom ɖa, nɔ ha dzim, nɔ Mawu kafum. Gaxɔmenɔla bubuawo hã nɔ woƒe hawo sem. Le zã ga wuieve me lɔƒo la, anyigba ʋuʋu sesĩe, eye gaxɔ blibo la ƒe gɔmeɖokpewo ʋuʋu kpekpekpe, ʋɔtruawo katã ʋu le wo ɖokuiwo si, eye ga si wode gaxɔmenɔla ɖe sia ɖe la ɖe ɖa. Esi gaxɔdzikpɔla nyɔ tso alɔ̃ me, eye wòkpɔ be ʋɔtruawo katã nɔ ʋuʋu ɖi la, vɔvɔ̃ ɖoe, elabena ebu be gamenɔlawo katã si dzo. Le esia ta la, eɖe eƒe yi le aku me be yeawu ye ɖokui. Ke Paulo do ɣli gblɔ nɛ be, “Nɔvi, mègawɔ nu vevi ɖokuiwò o; mí katã míele afi sia.”
Enumake gaxɔdzikpɔla la bia akaɖi; eƒu du yi ɖe eme, eye wòdze klo ɖe Paulo kple Silas ƒe afɔ nu le dzodzom nyanyanya. Ekplɔ wo do goe hebia be, “Aƒetɔwo, nu kae le nam be mawɔ be makpɔ ɖeɖe?”
Woɖo eŋu nɛ be, “Xɔ Aƒetɔ Yesu dzi se, ekema wò kple wò aƒe blibo la miakpɔ xɔxɔ.” Wogblɔ Aƒetɔ la ƒe nya na eya kple eƒe aƒemetɔwo katã. Le zã ma ke me la, gaxɔdzikpɔla klɔ woƒe abiwo na wo, eye enumake wode mawutsi ta na eya kple eƒe aƒe blibo la. Ena nu wo woɖu, eye aƒea me tɔwo katã yɔ fũu kple dzidzɔ, elabena wotrɔ zu Mawu dzi xɔselawo.
Le ŋdi me la, ʋɔnudrɔ̃lawo ɖo kpovitɔwo ɖe gaxɔdzikpɔla la kple gbeɖeɖe sia be, “Ɖe asi le ŋutsu mawo ŋu ne woadzo.” Gaxɔdzikpɔla la gblɔ nya la na Paulo be, “Ʋɔnudrɔ̃lawo ɖo gbe ɖa be woaɖe asi le wò kple Sila ŋuti, eya ta miate ŋu adzo azɔ. Miyi le ŋutifafa me.”
Ke Paulo gblɔ na kpovitɔwo be, “Woƒo mí le dutoƒo ʋɔnumadrɔmadrɔ̃e togbɔ be míenye Romatɔwo hã; wode mí gaxɔ me, ke azɔ la, woaɖe mí ado goe le adzamea? Gbeɖe! Ɖeko woawo ŋutɔ nava hafi woakplɔ mí adoe.”
Kpovitɔ siwo wodɔ ɖo ɖe gaxɔdzikpɔla gbɔ la trɔ va gblɔ Paulo ƒe nya la na ʋɔnudrɔ̃lawo, eye vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ esi wose be Paulo kple Sila nye Romatɔwo ta. Dumegãwo ɖe abla va wo gbɔ le gaxɔ la me, eye woɖe kuku na wo be woado go adzo le dua me. Wodo go le gaxɔ la me. Ale Paulo kple Sila trɔ yi Lidia ƒe aƒe me, eye xɔsetɔwo va ƒo ƒu ɖe wo ŋu, eye wogagblɔ nyanyui la na wo hafi dzo le dua me.
Paulo gblɔ nya le Tesalonika
Azɔ ame eveawo zɔ mɔ to Amfipolis kple Apolonia nutowo me va ɖo Tesalonika, afi si Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe aɖe le. Paulo yi ƒuƒoƒe sia abe ale si wòwɔna ɖaa ene, eye Dzudzɔgbe etɔ̃ katã wòyi ɖaɖe mawunya me na ameawo. Paolo ɖe eme, eye wòɖo kpe edzi na wo be ele na Kristo la be wòakpe fu, eye wòatsi tsitre tso ame kukuwo dome. Eyi edzi be, “Yesu si ƒe nya gblɔm mele na mi lae nye Kristo la.” Yudatɔ geɖewo xɔ se, eye wowɔ ɖeka kple Paulo kple Silas, hekpe ɖe Helatɔ siwo vɔ̃a Mawu la ƒe ha gã aɖe kpakple nyɔnu ŋkuta aɖewo ŋu.
Yudatɔwo ƒe amegã siwo nɔ dua me la ʋã ŋu Paulo kple Silas, eya ta woƒo gbevu aɖewo nu ƒu tso ablɔwo dzi siwo wɔ ameha gã aɖe, eye wowɔ ʋunyaʋunya le dua me. Wosi du yi Yason ƒe aƒe me le Paulo kple Silas dim ne woakplɔ wo va ameha la ŋkumee.
Ke womekpɔ Paulo kple Silas le aƒea me o, eya ta wolé Yason kple xɔsetɔ aɖewo, kplɔ wo yi dumegãwo gbɔe, eye wonɔ ɣli dom be, “Ame siwo de zi amewo me le xexea me katã la va afi sia hã azɔ, woawoe Yason na sitsoƒee ɖe eƒe aƒe me. Wo katã da le Kaisaro ƒe se dzi le gbɔgblɔm be fia bubu aɖe li si ŋkɔe nye Yesu.”
Esi wose esia la, ameawo kple dumegãwo de asi hoowɔwɔ me. Ke esi woxɔ asiƒuakɔnu le Yason kple etɔwo si la woɖe asi le wo ŋu be woadzo.
Paulo gblɔ nya le Berea
Le zã ma me la, xɔsetɔ siwo le dua me la kplɔ Paulo kple Silas do goe le dua me alɔtsɔtsɔe, eye woyi Berea. Paulo kple Silas gayi woƒe dɔ dzi le afi sia hã hegblɔ mawunya le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe si le dua me la me. Bereatɔwo ɖɔ ʋu wu Tesalonikatɔwo, elabena woɖo to Paulo ƒe nyagbɔgblɔ kple dzidzɔ. Woawo ŋutɔwo hã nɔa mawunya la me dzrom ɣe sia ɣi be yewoakpɔe ɖa be nyateƒenya gblɔm Paulo nɔ mahã. To esia me la, wo dometɔ geɖewo zu xɔsetɔwo eye Helatɔ ŋkuta siwo nye nyɔnuwo kple ŋutsuwo siaa xɔ nya la dzi se.
Esi Yudatɔ siwo tso Tesalonika la gase be Paulo nɔ mawunya gblɔm le Berea la, wogati wo yome yi afi ma hã, eye wògade zi ameawo me ɖe wo ŋu. Ke xɔsetɔwo wɔ kaba ɖo Paulo ɖe ƒuta gome lɔƒo, gake Silas kple Timoteo ya tsi anyi. Ame siwo kplɔ Paulo yii la ɖoe ɖa va se ɖe Atene hafi trɔ yi Berea. Paulo de gbe asi na wo be woagblɔ na Silas kple Timoteo be woawɔ kaba ava tu ye le Atene.
Paulo le Atene
Esi Paulo nɔ Sila kple Timoteo lalam le Atene la, eɖi tsa le dua me, eye wòɖe fu na eƒe susu ŋutɔ be dua me yɔ fũu kple legbawo. Eyi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe be yeadzro nya me kple Yudatɔwo kple Helatɔ mawuvɔ̃lawo. Eƒo nu na ameha si le dua ƒe takpeƒe la hã gbe sia gbe.
Paulo dzro nya me kple xexemenunyala gã aɖewo siwo woyɔna be Epikurea kple Stoiktɔwo hã. Wo dometɔ aɖewo bia be, “Nu kae nukpoloeƒola sia le didim be yeagblɔ?” Ɖewo gblɔ be, “Ewɔ abe dutamawuwo ŋue wòle nu ƒom le ene.” Wogblɔ esia, elabena Paulo nɔ nyanyui la gblɔm ku ɖe Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi ŋuti.
Ale wolée hekplɔe yi takpeƒe si woyɔna be Areopago la, afi ma wogblɔ nɛ be, “Na míase nya tso nufiafia yeye si nèhe vɛ la ŋu. Èle nya masekpɔ aɖewo gblɔm ɖe míaƒe towo me, míedi be míase nya siawo gɔme kple nu si wonye.” (Atenetɔwo katã kple amedzroawo hã lɔ̃a anyinɔnɔ ɖe takpeƒe hewɔa woƒe ɣeyiɣiwo ŋuti dɔ to nyamedzodzro kple susu yeyewo xɔxɔ me.)
Esi ŋkekea ɖo la, Paulo tsi tsitre ɖe ameha la titina le Areopago la dzi heƒo nu gblɔ na wo be, “Nɔvinye Atenetɔwo, edze nam ƒãa be mienye ame siwo kpɔa dzidzɔ le mawuvɔvɔ̃ ŋu ŋutɔ, elabena esi menɔ tsa ɖim le miaƒe dua me la, mekpɔ miaƒe nu subɔsubɔwo. Ke mekpɔ vɔsamlekpui aɖe si ŋuti woŋlɔ ɖo be,
mawu si mienya o la tɔe.
Mawu si miesubɔna le manyamanya me la ƒe nyae metsɔ vɛ na mi.
“Mawu siae wɔ xexea me kple nu siwo katã le eme, eye wònye dziƒo kple anyigba ƒe aƒetɔ na nu sia nu. Esia ta menɔa gbedoxɔ si amewo tsɔ asi tui la me o, eye le esime naneke mehiãnɛ o ta la, amegbetɔ mate ŋu awɔ naneke nɛ o. Ke eya boŋ naa agbe kple gbɔgbɔ amegbetɔ, eye wònaa nu ame sia ame ɖe eƒe hiahiã nu. Mawu siae wɔ amegbetɔ siwo katã tso dzɔtsoƒe ɖeka, eye wokaka ɖe xexea me ƒe akpa ɖe sia ɖe. Eɖo liƒo kple ɣeyiɣi na dukɔwo da ɖi xoxo. Mawu ƒe didie nye be amegbetɔwo nadii, ake ɖe eŋu togbɔ be egbɔ medidi tso ame aɖeke gbɔ o hã. ‘Eya mee míele agbe le, eye míeʋãna le, eye míele.’ Abe ale si miaƒe hɛnɔ aɖe gblɔe ene be, ‘Míawoe nye Mawu viwo.’
“Ne míenye Mawu viwo la, ekema menyo be míabu be Mawu nye legba si amegbetɔ awɔ kple sika alo klosalo alo kpe le ame ƒe aɖaŋuwɔwɔ kple tamesusu nu la o. Tsã la, Mawu mia ŋku ɖe amegbetɔ ƒe numanyamanya dzi. Ke azɔ la, eɖe gbe be ame sia ame natrɔ dzi me asubɔ ye ɖeka ko, elabena eɖo ŋkeke tɔxɛ aɖe da ɖi be yeava drɔ̃ ʋɔnu xexea me, eya ŋutɔ tia ame si le ʋɔnu la drɔ̃ ge la da ɖi, eye eyae nye ame si wòfɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome.”
Esi wosee wògblɔ nya tso fɔfɔ tso ame kukuwo dome ŋu la, nyasela aɖewo koe ŋutɔ, ke ame bubuwo gblɔ be, “Míedi be míagase nya sia ɣe bubu ɣi” Ale Paulo dzo le takpeƒe la. Ame ʋɛ aɖewo ya dze eyome trɔ zu xɔsetɔwo. Ame siawo dometɔ aɖewoe nye Dionisio si nye dumegã ɖeka kple nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Damaris.
Paulo ƒe dɔwɔwɔ le Korinto
Le nu siawo megbe la, Paulo dzo le Atene heyi Korinto. Afi ma wòdo go Yudatɔ aɖe si woyɔna be Akwila la le. Wodzi Akwila le Ponto, eye eya kple srɔ̃a Priskila wonɔ Italia tsã, gake Kaisaro Klaudio va de se be woanya Yudatɔwo katã le Roma dua me. Esia ta Akwila kple srɔ̃a ʋu va tsi Korinto. Paulo yi ɖasrã wo kpɔ, elabena enye avɔgbadɔwɔla abe woawo ke ene. Enɔ wo gbɔ hewɔ dɔ kpli wo.
Paulo yia Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe si le dua me le Dzudzɔgbe ɖe sia ɖe dzi hedzroa mawunya me kple Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa, eye wòƒonɛ ɖe wo nu be woatrɔ dzi me. Esi Silas kple Timoteo tso Makedonia va ɖo Korinto ko la, Paulo ɖe asi le nu sia nu ŋu hetsɔ eɖokui na mawunyakaka kple ɖaseɖiɖi na Yudatɔwo be Yesue nye Kristo la. Ke le ale si Yudatɔwo tsi tsitre ɖe Paulo ŋu sesĩe, eye gawu la, wonɔ busunyawo gblɔm ta la, Paulo ɖe asi le woƒe nya me, eye wògblɔ na wo be, “Miaƒe ʋu neva miawo ŋutɔ ƒe ta dzi. Nye asi megale miaƒe nya me o. Tso azɔ dzi yina la, magblɔ nyanyui la na ame siwo menye Yudatɔwo o.”
Ale Paulo dzo le ƒuƒoƒea, eye wòge ɖe aƒe aɖe si le ƒuƒoƒea ŋu la me, heyi ɖanɔ aƒea tɔ si woyɔna be Tito Yusto la gbɔ, ame si nye Mawusubɔla. To Paulo ƒe afi ma nɔnɔ me la, Krispo si nye Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒemegã la kple eƒe aƒe blibo la me tɔwo katã xɔ Aƒetɔ la dzi se, eye wòde mawutsi ta na wo. Korintotɔ bubu geɖe siwo hã se eƒe mawunya la trɔ dzi me, eye wòde mawutsi ta na woawo hã.
Gbe ɖeka ƒe zã me la, Mawu ƒo nu na Paulo le ɖeɖefia me be, “Mègavɔ̃ o; nɔ nya la gbɔgblɔ dzi, eye mègazi ɖoɖoe o, elabena meli kpli wò, eye ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe ŋuwò o, ame geɖewo le du sia me siwo nye tɔnyewo.” Nu sia do ŋusẽ Paulo ale wònɔ Korinto ƒe ɖeka kple afã sɔŋ henɔ Mawu ƒe nyateƒenya la gblɔm.
Ke esi Galio nye dziɖula le Akaya nuto me la, Yudatɔwo wɔ ɖeka ɖe Paulo ŋu, eye wokplɔe yi ʋɔnui. Wotsɔ nya ɖe eŋu be, “Ŋutsu sia le amewo hem be woasubɔ Mawu le mɔ si mesɔ kple se la o dzi.”
Esi Paulo ke nu be yeaɖe ye ɖokui nu la, Galio xɔ nya le enu hegblɔ na Yudatɔwo be, “Ne mi Yudatɔwo ɖe miele nutsotso nam tso nu vlo wɔwɔ aɖe alo amewuwu ŋuti la, anye ne maɖo to mi, gake esi wònye nu si ku ɖe nyawo kple ŋkɔwo kpakple miaƒe sewo ŋuti la, miawo ŋutɔwo mikpɔ egbɔ. Nyemedi be manye ʋɔnudrɔ̃la le nya siawo me o.” Ale Galio nya wo do goe le ʋɔnudrɔ̃ƒe la.
Ameha la do dziku vevie, ale be wodze Sostene si nye Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒemegã la dzi, eye wolée heƒoe nyuie le ʋɔnu la ŋkume, gake Galio mede nu eme kura o.
Priskila, Akwila kple Apolo
Paulo ganɔ dua me ɣeyiɣi aɖewo, eye emegbe la, eklã xɔsetɔwo, eye wòɖo tɔdziʋu hedzo yi Siria nuto me. Ekplɔ Priskila kple Akwila hã ɖe asi. Esi wova ɖo Kenkrea la, Paulo lũ ta kolikoli le adzɔgbeɖeɖe si wòwɔ do ŋgɔe le Yudatɔwo ƒe kɔnu nu la ta. Esi wova ɖo Efeso la, Paulo gblẽ Akwila kple Priskila ɖe tɔdziʋu la me, eye wòyi ɖe dua me be yeadzro nya me kple Yudatɔ siwo le afi ma la le woƒe ƒuƒoƒe. Wobia tso esi be wòanɔ anyi vie, gake egbe. Ke esi wòle dzodzom le wo gbɔ la, edo ŋugbe na wo be, “Ne Mawu lɔ̃ la, matrɔ ava.” Esia megbe la, eɖo tɔdziʋu tso Efeso. Esi wòɖo Kaesarea la, eɖado gbe na hame la, eye wòyi Antioxia. Paulo nɔ Antoxia vie, emegbe edze mɔ tso teƒe yi teƒe le Galatia kple Frigia nutowo me le ŋusẽ dom nusrɔ̃lawo katã.
Apolo va Efeso kple Kɔrinto
Eva eme be Yudatɔ aɖe si ŋkɔe nye Apolo, ame si tso Aleksandria la va Efeso. Ame sia nye agbalẽnyala gã aɖe si bi ɖe ŋɔŋlɔ kɔkɔe la me. Wofia nue tso Aƒetɔ la ƒe mɔ ŋuti, egblɔa nya dzideƒotɔe, eye wòfiaa nu tso Yesu ŋuti pɛpɛpɛ togbɔ be Yohanes ƒe mawutsideta ko wònya hã. Edze nufiafia gɔme le ƒuƒoƒe la dzideƒotɔe. Esi Akwila kple Priskila se eƒe nyawo la, wokpee yi woƒe aƒe me heɖe Mawu ƒe nyawo me nɛ tsitotsito wu esi wònya tsã.
Apolo di vevie be yeayi Akaya nuto me, ale xɔsetɔ siwo le Antioxia la do ŋusẽe be wòayi. Woŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe xɔsetɔ siwo le afi ma la be ne Apolo va la, woaxɔe. Esi wòva ɖo Akaya nuto me la, egblɔ mawunya kple ŋusẽ eye wòdo ŋusẽ hame siwo nɔ afi ma le amenuveve me. Edzro nya me kple Yudatɔwo le dutoƒo, eye wòɖi ɖase be mawunya ɖee fia kɔtɛe be Yesue nye Kristo la vavã.
Paulo ƒe mɔzɔzɔ etɔ̃lia
Esime Apolo ganɔ Korinto la, Paulo hã zɔ mɔ to Terki nutowo me va ɖo Efeso. Ekpɔe be xɔsetɔ aɖewo le afi ma, eye le woƒe nyamedzodzro me la, Paulo bia wo be, “Esi miexɔ se la, miexɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la mahã?”
Ke woɖo eŋu be, “Ao, míexɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la o, eye le nyateƒe me la, míese eŋkɔ kpɔ gɔ̃ hã o.”
Paulo yi edzi bia wo be, “Ekema nu ka dzie miexɔ se hafi wode mawutsi ta na mi?”
Woɖo eŋu be, “Wode mawutsi ta na mí ɖe Yohanes Mawutsidetanamela ƒe nufiafia nu.”
Esi Paulo se nya sia la, egblɔ na wo be, “Yohanes Mawutsidetanamela ɖeko wòwɔe be yeafia ale si ame nadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, atrɔ va Mawu gbɔ eye emegbe la, wòaxɔ Yesu Kristo, ame si ƒe nya Yohanes gblɔ be ele vava ge la dzi ase, ale be woade mawutsi ta nɛ ɖe eƒe ŋkɔ me.” Esi wose nya sia la, wo katã wolɔ̃, eye Paulo de mawutsi ta na wo ɖe Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ me. Esi Paulo da asi ɖe wo dzi la, woxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, eye woƒo nu kple gbegbɔgblɔ bubuwo hegblɔ nya ɖi hã. Ameawo ƒe xexlẽme nɔ ame wuieve.
Paulo yi ɖe ƒuƒoƒe la me nɔ mawunya gblɔm kple dzideƒo ɣleti etɔ̃ sɔŋ, eye wòle mawufiaɖuƒe la ŋutinya ƒom ɖe wo nu ale be woxɔe se. Ame aɖewo mexɔ eƒe nya o, ale wotsi tsitre ɖe eŋu vevie hegblɔ busunya geɖe ɖe Mɔ la ŋu le dutoƒo. Nu sia na be Paulo dzo le wo gbɔ. Ke ekplɔ nusrɔ̃lawo ɖe asi yi Tirano Takpexɔa me, afi si wòƒoa nu na wo le gbe sia gbe. Ewɔ nu sia ƒe eve sɔŋ ale be Yudatɔwo kple Grikitɔ siwo katã le Asia la katã se Aƒetɔ la ƒe nya la. Mawu wɔ nukunu tɔxɛwo to Paulo ƒe asi dzi ale gbegbe be wòtsɔa takuviwo kple akɔtawuiwo kaa dɔnɔwo ŋu wohayana, eye gbɔgbɔ vɔ̃wo hã doa go le wo me.
Yudatɔ aɖewo hã nɔ tsatsam tso du me yi du me henɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam le amewo me. Ame siawo va ɖo be yewoayɔ Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ anya gbɔgbɔ vɔ̃e kpɔ be adze edzi na yewo mahã? Woɖoe be ne yewotu ame si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la, yewoado ɣli ɖe eta be, “Meɖe gbe na wò le Yesu Kristo, ame si ƒe nya gblɔm Paulo le la ƒe ŋkɔ me be nàdo go!” Ame siwo nɔ nu sia wɔm la woe nye Yudatɔwo ƒe nunɔlagã aɖe si woyɔna be Skeva la ƒe viŋutsuvi adreawo. Wova ke ɖe ame aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la ŋu vavã, eye wote kpɔ be yewoanya gbɔgbɔ vɔ̃ la le Yesu ƒe ŋkɔ me. Ke gbɔgbɔ vɔ̃ la bia wo be, “Yesu la medze sii eye Paulo la menyae nyuie, ke miawo ɖe, ame kawoe mienye?” Enumake ame si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la dzo dze wo dometɔ eve dzi, heɖu wo dzi, ƒo wo, eye wòvuvu awu le wo ŋu ale be wosi do go le aƒea me amamae.
Nya sia kaka ɖe Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa dome le Efeso dua me. Ale vɔvɔ̃ tɔxɛ aɖe dze wo dometɔ ɖe sia ɖe dzi, eye wode bubu Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ ŋu. Ame geɖe siwo xɔe se la va eye woʋu woƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ me. Ame siwo nye afakalawo la tsɔ woƒe agbalẽwo kple nu kpotokpotoewo vɛ, eye wotɔ dzo wo le dutoƒo. Nu siwo wotɔ dzoe la ƒe home anɔ abe siɖi akpe blaatɔ̃ ene. Esia nye dzesi be Aƒetɔ la ƒe nya la xɔ aƒe kple ŋusẽ le nuto la me vavã. Emegbe la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dee Paulo me be wòayi Makedonia kple Akaya nuto me hafi atrɔ ayi Yerusalem. Eya ŋutɔ hã ɖoe be tso afi ma la, ele be yeayi Roma hã. Eɖo eƒe kpeɖeŋutɔ eve siwo nye Timoteo kple Erasto la ɖa be woado ŋgɔ ayi Makedonia, Hela nuto me, ke eya ŋutɔ gatsi Asia vie.
Demetrio ƒe zitɔtɔ
Ke le ɣe ma ɣi la, masɔmasɔ gã aɖe va Efeso dua me le Kristotɔwo ta. Ame si he masɔmasɔ sia vɛ lae nye Demetrio. Ame sia nye klosalotula, eye dɔsrɔ̃viwo nɔ esi fũu. Wonɔa Helatɔwo ƒe mawu, Artemis ƒe legbawo wɔm kple klosalo. Gbe ɖeka la, Demetrio ƒo eƒe dɔwɔlawo kple ame siwo katã wɔa klosalotutu dɔ le dua me la nu ƒu, eye wòƒo nu na wo ale, “Mía tɔwo, miawo ŋutɔwo mienya be klosalotutu siae míewɔna ɖuna. Ke ele nyanya me na mi katã be Paulo va le tagbɔ gblẽm na amewo be mawu siwo wotsɔ asi wɔe la menye mawu gbagbe o, eye esia na be míaƒe dɔ megale edzi yim tututu le Efeso afi sia kple Asia nuto la katã me o. Azɔ medi be mianya be menye míaƒe dɔwɔna ɖeɖe tae mele nya siawo gblɔm o, ke boŋ ele bɔbɔe be mawu bubutɔ, Artemis subɔsubɔ dzi aɖe kpɔtɔ, eye madidi o la, Artemis si nye Mawu gã si wosubɔna le Asia nuto blibo la katã me kple xexeme godoo la ƒe ŋkɔ abu keŋ.”
Nya sia de adã ta me na ameha la ale wode asi ɣlidodo me sesĩe be, “Artemis, Efesotɔwo ƒe mawu la lolo!”
Ɣlidodo sia na be amewo ƒo zi be yewoakpɔ nu si le edzi yim la ɖa, eye le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, du blibo la katã tɔ zi. Ame sia ame ƒu du yi ƒuƒoƒe la, eye wolé Gayo kple Aristako, ame siwo nye Paulo ƒe mɔzɔhatiwo tso Makedonia. Paulo di vevie be yeadze wo yome ayi ƒuƒoƒe la, gake nusrɔ̃la bubuawo meɖe mɔ nɛ o. Romasrafo siwo le nutoa me la dometɔ siwo nye Paulo xɔlɔ̃wo hã ɖo ame ɖe egbɔ gblɔ nɛ be megado ta ɖe afi ma o.
Takpekpe la ŋutɔ tɔ zi kɔtɔɔ. Ame sia ame nɔ ɣli dom, nɔ nya sia nya ƒomevi si dze eŋu la gblɔm. Vavã, wo dometɔ geɖe hã menya nu si tututu ta wova ƒo ƒu ɖe afi ma ɖo gɔ̃ hã o.
Yudatɔ aɖewo kpɔ Aleksandro le ameawo dome, eye enumake wohee do goe wòva tsi tsitre ɖe ameha la ŋkume. Ekɔ asi dzi, eye ɖoɖoe zi, ale wòde asi nuƒoƒo me na wo. Ke esi ameha la kpɔe dze sii be Yudatɔ wònye la, wogade asi ɣlidodo me be, “Artemis, Efesotɔwo ƒe mawu la lolo! Artemis, Efesotɔwo ƒe Mawu la lolo!”
Mlɔeba la, dua ƒe agbalẽŋlɔla la ble wo nu wozi ɖoɖoe, ale wòƒo nu na wo gblɔ be, “Efesotɔwo, ame sia ame nya be Efeso du siae nye trɔ̃ gã Artemis si ge tso dziƒo la ƒe du gã. Le esia ta la, mehiã be ne ame aɖe gblɔ nya bubu aɖe ko la, mianɔ ʋunyaʋunya wɔm alea gbegbe o. Ame siwo mielé va afi sia la mefi naneke le Artemis ƒe gbedoxɔ me o, eye womegblɔ busunya aɖeke ɖe míaƒe mawunɔ la ŋu hã o. Gake ne Demetrio kple eƒe hadɔwɔlawo kpɔ be nya aɖe le yewo kple ame siawo dome la, ekema ɖe wòle na wo be woatsɔ nya ɖe wo ŋu le ʋɔnudrɔ̃ƒe. Ʋɔnudrɔ̃lawo hã le klalo be yewoadrɔ̃ nyaa na wo. Ne nya bubu aɖe gali la, ekema woate ŋu ayi dutakpekpea me aɖalée kpɔ. Ke ne miekpɔ nyuie o la, Roma dziɖuɖua abia tso mía si be míana akɔnta le egbe ƒe ʋunyaʋunya si nu ta mele o la ŋu, eye nyemenya nya ka magblɔ ne wòva eme alea o.” Ale dudzikpɔla la kaka ƒuƒoƒo la, eye ame sia ame trɔ dzo yi aƒe me.
Paulo gatrɔ yi Makedonia
Le nu siawo katã megbe la, Paulo yɔ nusrɔ̃lawo eye wògagblɔ nya na wo hede dzi ƒo na wo. Emegbe la, eklã wo hedzo ɖo ta Makedonia. Le du sia du si me wòɖo le mɔa dzi me la, eƒoa nu hexlɔ̃a nu xɔsetɔ siwo le afi ma va se ɖe esi wòɖo Griki. Paulo nɔ Helanyigba dzi ɣleti etɔ̃, eye esi wònɔ dzadzram ɖo be yeayi Siria la, ese be Yudatɔwo nɔ ɖoɖo wɔm be yewoawui. Le esia ta la, eɖoe be yeagatrɔ aɖo ta Makedonia boŋ.
Ame geɖewo kplɔ Paulo ɖo ɖa va se ɖe keke Terki. Wo dometɔ aɖewoe nye Sopata si nye Piro ƒe vi tso Berea, Aristako kple Sekundo siwo tso Tesalonika, Gayo tso Derbe, Timoteo, Tikiko kple Trofimo, ame siwo tso Asia nuto me.
Ame siawo katã do ŋgɔ na mí, eye wonɔ mía lalam le Troa. Esime míeɖu Amɔ Maʋamaʋã Ŋkeke la vɔ ko la, míeɖo tɔdziʋu le Filipi, eye le ŋkeke atɔ̃ megbe la, míeva ɖo Troa si hã le Terki. Míenɔ afi ma kɔsiɖa ɖeka.
Paulo fɔ Eutiko tso ku me le Troa
Le kɔsiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, míeƒo ƒu be míaxɔ Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la. Pauloe gblɔ nya gbe ma gbe. Esi wònye gbe ma gbee nye Paulo ƒe ŋkeke mamlɛtɔ le afi ma ta la, enɔ nu ƒom ʋuu va se ɖe zãtitina ke. Wosi akaɖiwo ɖe afi si míenɔ le dziƒoxɔa dzi. Esi Paulo nɔ nu ƒom alea la, ɖekakpui aɖe si woyɔna be Eutiko la nɔ akɔlɔ̃e dɔm le fesre ɖeka nu. Kasia, Eutiko ge tso fesrea nu le dziƒoxɔ etɔ̃lia dzi ke va dze anyigba kpla, eye wòku enumake. Nu si dzɔ la metso dzika ƒo na Paulo kura o, ke boŋ eɖi ɖe anyigba, kɔ ɖekakpui la ɖe eƒe abɔwo me, eye wògblɔ na ameha la be, “Migawɔ ʋunyaʋunya o, naneke medzɔ ɖe edzi o. Egale agbe.” Wo katã wogatrɔ yi dziƒoxɔ la dzi, eye woɖu Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la. Le esia megbe la, Paulo gayi eƒe nuƒoa dzi ʋuu va se ɖe fɔŋli hafi wòdzo le wo gbɔ. Le nyateƒe me la, ɖekakpui la gagbɔ agbe, esia na be ameha la kpɔ dzidzɔ ŋutɔ.
Paulo kla Efeso Hame la
Paulo to afɔ yi Aso, ke míawo míeɖo tɔdziʋu hedze ŋgɔ nɛ. Eva tu mí le Aso, eye mí katã míeɖo ʋu yi Mitilene. Tso afi ma la, míeva to Kios ŋu, va to Samo, eye mlɔeba la, míeva ɖo Mileto esi ŋu ke.
Paulo megadi be yeatɔ ɖe Efeso azɔ o, be yemagblẽ ɣeyiɣi le Asia o. Ke edi be ne yeate ŋui la, yeaɖo Yerusalem kaba, aɖu Pentekoste ŋkeke la le afi ma. Esi míeɖi go ɖe Mileto la, Paulo ɖo ame ɖe Efeso hamemegãwo be woava do go ye le tɔdziʋu la me. Esi wova ɖo la, egblɔ na wo be, “Mienya ale si menɔ mia dome tso ŋkeke gbãtɔ si meva Asia nuto me va se ɖe fifia. Mesubɔ Aƒetɔ la le ɖokuibɔbɔ kple aɖatsi me togbɔ be Yudatɔwo tem kpɔ to woƒe nugbeɖoɖowo ɖe ŋunye me hã.” Gake hã la, nyemadzudzɔ nyateƒe la gbɔgblɔ na mi le dutoƒo loo alo le miaƒe aƒewo me kpɔ o. Nya ɖeka ma ke ko megblɔ na Yudatɔwo kple Grikitɔwo siaa be ehiã be woatrɔ ɖe Mawu ŋu to Yesu Kristo dzixɔse me.
“Fifia la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kplɔm yina Yerusalem, togbɔ be nyemenya nu si le lalayem le afi ma o hã. Nu si ko Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔ nam le du sia du mee nye be fukpekpe kple gamenɔnɔ nye nu siwo wòle be makpɔ mɔ na. Ke viɖe aɖeke mele nye agbe ŋu o, negbe ɖeko mewɔ eŋuti dɔ tsɔ wɔ dɔ si Aƒetɔ Yesu de asi nam la. Dɔ lae nye be magblɔ nyanyui la na amewo le Mawu ƒe amenuveve gã ŋuti.
“Azɔ menyae nyuie be mi ame siwo katã dome menɔ wɔ dɔ, heɖe gbeƒã mawufiaɖuƒe la la, dometɔ aɖeke megale kpɔ nye ge akpɔ o. Medi be magblɔ na mi kɔtɛe be womele ame aɖeke ƒe ʋu bia ge tso asinye o, elabena nyemeɣla mawunya la ƒe akpa aɖeke ɖe mi o. Azɔ la, mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, eye mikpɔ egbɔ be, mienyi Mawu ƒe alẽha si nye hame si wòtsɔ eya ŋutɔ ƒe ʋu ƒle, esi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖo mi be mianye hadzikpɔlawo. Menya nyuie be ne medzo la, aʋatsonufiala aɖewo ava ɖo mia dome abe amegaxi wɔadãwo ene, eye woadze agbagba be yewoagblẽ nu le alẽha si nye hamea la ŋu. Mia dometɔ aɖewo hã ate kpɔ atrɔ nyateƒe la bubue be amewo nadze yewo yome. Eya ta minɔ ŋudzɔ! Miɖo ŋku ƒe etɔ̃ siwo menɔ mia dome la dzi. Miɖo ŋku ale si mekpɔa mia dzi zã kple keli kple ale si mexlɔ̃a nu mi kple aɖatsi zi geɖe la dzi.
“Azɔ metsɔ mi de asi na Mawu, eya ame si ƒe amenuvevenya ana be miaƒe xɔse nali ke, be wòakpɔ mia ta, eye wòakpɔ gome le ame tiatiawo katã ƒe domenyinu la me. Nyemebiã ŋu ɖe ame aɖeke ƒe klosalo alo sika alo awu ŋu o. Miawo ŋutɔ mienya ale si metsɔ nye asi wɔ dɔ hedi nye ŋutɔ kple nye kpeɖeŋutɔwo ƒe nuhiahiãwoe. Zi geɖe la, mefia ale si miakpe ɖe ame dahewo ŋuti la mi, elabena meɖo ŋku nya si míaƒe Aƒetɔ Yesu gblɔ dzi be, ‘Nunana hea yayra vɛ wu nuxɔxɔ.’ ”
Esi Paulo wu eƒe nuƒoa nu la, edze klo hedo gbe ɖa kpli wo. Le esia megbe la, wokpla asi kɔ nɛ hedo hedenyuie nɛ kple avi, vevietɔ le esime wògblɔ na wo be womegale ye kpɔ ge akpɔ o la ta. Ale wokplɔe ɖo ɖa va se ɖe tɔdziʋu la me ke.
Paulo yi Yerusalem
Esi míeklã Efeso hanunɔlawo vɔ la, míedze mɔ tẽe va ɖo Kos. Le ŋkeke evea gbe la, míeva ɖo Rode, eye tso afi ma míeyi Patara. Le Patara la, míeɖo tɔdziʋu aɖe si nɔ Foenisia si le Siria nuto me yim. Míeto Kipro ƒukpo la ŋu le miame lɔƒo, eye míeva ɖi go ɖe Tiro ʋudzeƒe la le Siria. Ʋu la ɖe agba le afi sia. Míawo hã míeɖi tsa yi dua me, eye míedi xɔsetɔ siwo le afi ma la henɔ wo gbɔ kɔsiɖa ɖeka. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒo nu to hame sia dzi, ale wogbe na Paulo be megayi Yerusalem o. Ke esi míaƒe ɣeyiɣi de la, míedzo, eye míeyi míaƒe mɔzɔzɔ dzi. Hame blibo la, nusrɔ̃lawo kple wo srɔ̃wo kple wo viwo siaa va ɖo mí ɖa va se ɖe keke ƒuta, afi si míedo gbe ɖa le. Míedo hedenyuie na wo, ge ɖe tɔdziʋu la me, eye woawo hã trɔ yi aƒe me.
Tso Tiro la, míeva tɔ ɖe Pitolemia, eye míenɔ afi ma hã ŋkeke ɖeka hesrã hame si le afi ma kpɔ. Tso afi ma míeyi Kaesarea, eye míedze nyanyuigblɔla Filipo si nye hadzikpɔla gbãtɔ adreawo dometɔ ɖeka la gbɔ. Vinyɔnuvi ene siwo dometɔ aɖeke meɖe srɔ̃ haɖe o la nɔ esi. Mawu na nyagblɔɖi ƒe ŋusẽ wo dometɔ ɖe sia ɖe.
Míenɔ afi sia ŋkeke geɖewo, eye le ɣeyiɣi sia me la, nyagblɔɖila aɖe si woyɔna be Agabu la tso Yudea nuto me va kpɔ mí ɖa le Filipo gbɔ. Agabu tsɔ Paulo ƒe alidziblaka, eye wòbla eya ŋutɔ ƒe asiwo kple afɔwo hegblɔ be, “Gbɔgbɔ Kɔkɔe la be, ‘Alea tututu Yudatɔwo awɔ ame si tɔe nye alidziblanu sia la le Yerusalem, eye woatsɔe ade asi na ame siwo menye Yudatɔwo o.’ ” Esi míese nya sia la, mí Paulo ŋumewo kple dua me kristotɔwo katã míeɖe kuku na Paulo be megayi Yerusalem o.
Ke Paulo ɖo eŋu na mí be, “Midzudzɔ avifafa, elabena miele dzi gbãm nam. Mele klalo be manɔ gaxɔ me le Yerusalem, eye gawu la, maku le nye Aƒetɔ Yesu ta.” Esi míekpɔe be Paulo ɖoe kplikpaa be yeayi Yerusalem la, míeɖe asi le nya la ŋu, eye míetsɔe de asi na Mawu be wòawɔ eƒe lɔlɔ̃nu.
Le esia megbe la, míeƒo ƒu míaƒe agbawo, eye míedze Yerusalem mɔ. Nusrɔ̃la aɖewo tso Kaesarea kplɔ mí ɖo, eye esi míeva ɖo Yerusalem la, míedze xɔsetɔwo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Mnason, ame si nye xɔsetɔ xoxoawo dometɔ ɖeka si tso Kipro la ƒe aƒe me.
Paulo va ɖo Yerusalem
Esi míeɖo Yerusalem la, xɔsetɔ siwo le dua me la xɔ mí nyuie ŋutɔ.
Ke ŋkeke evea gbe la, Paulo kplɔ mí ɖe asi, eye míeɖado gbe na Yakobo kple hamemegã siwo le Yerusalem hamea me. Esi míelɔ̃ gbe vɔ la, Paulo gblɔ ale si Mawu wɔ dɔ le ame siwo menye Yudatɔwo o domee to eya Paulo ƒe dɔwɔwɔ me la na wo.
Hamemegãwo katã kpɔ dzidzɔ, kafu Mawu, ke wogblɔ na Paulo be, “Yudatɔ geɖewo hã zu Kristotɔwo gake woƒe ɖoɖoe nye be ele be Yudatɔ xɔsetɔ ɖe sia ɖe nagawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo dzi pɛpɛpɛ. Yudatɔ Kristotɔ siwo le Yerusalem afi sia la se be wò la, èfia nu Yudatɔ siwo katã le ame siwo menye Yudatɔwo o la dome be woagbe nu le Mose ƒe sewo gbɔ, eye mele be woatso aʋa na wo viwo o. Ke fifia ɖe, aleke míele nya sia lé gee? Godoo la, woasee be èva ɖo dua me.
“Nu si míedi be nàwɔe nye esi, ame ene aɖewo le mía dome siwo le dzadzram ɖo be yewoalũ ta, aɖe adzɔgbe le sea nu, eya ta míadi be wò hã nàkplɔ wo ɖo ayi gbedoxɔ la me, eye nàlũ ta. Hekpe ɖe esia ŋu la, nàxe fe ɖe ame ene siawo ƒe kɔnuwɔwɔ hã ta. Ne èwɔ esia la, ekema ame sia ame adze sii be nya siwo yewose le ŋuwò la mele eme nenema o. Ke boŋ wò ŋutɔ èzɔna nyuie, eye nèléa se la me ɖe asi.
“Ke le ame siwo menye Yudatɔwo o siwo xɔ se la, ame aɖeke mele gbɔgblɔm be woawo hã nawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe kɔnuwo dzi o, negbe nu siwo míeŋlɔ ɖo ɖe wo xoxo be woadzudzɔ nu siwo wotsɔ sa vɔe na trɔ̃wo kple lã tsiʋumewo ɖuɖu, eye womegawɔ matre o.”
Paulo lɔ̃ ɖe woƒe nya sia dzi, eye wòdze ameawo yome woyi ɖakɔ wo ɖokuiwo ŋu. Emegbe eyi ɖe gbedoxɔ la me, hele ŋutikɔkɔ ŋkekeawo gblɔm fia wo, va se ɖe esime woame nu ɖe wo dome ame sia ame ta.
Wolé Paulo le gbedoxɔ me
Ke esi wòsusɔ vie ŋkeke adrea nade la, Yudatɔ aɖewo tso Asia nuto me va Yerusalem, eye wokpɔ Paulo le gbedoxɔ la me. Enumake wode ʋunyanya amewo dome ɖe eŋu, eye wolé Paulo henɔ ɣli dom ɖe eŋu be, “Israelviwo, mixɔ na mí loo! Ame siae tsi tsitre ɖe Yudatɔwo ŋu, eye wònɔ gbɔgblɔm na amewo be womegawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo dzi o. Gawu la, edo vlo míaƒe gbedoxɔ la hã, eye wòkplɔ Helatɔwo yi míaƒe gbedoxɔ mee be yeaɖi gbɔ̃ teƒe kɔkɔe sia.” (Wogblɔ esia, elabena wokpɔ Paulo wònɔ zɔzɔm kple Trofimo si tso Efeso le Terki la, le ablɔ dzi, eya ta wosusu be Paulo kplɔe yi gbedoxɔ la mee.)
Zitɔtɔ gã aɖe dzɔ le dua me le nya sia ta, eye wolé Paulo, hee do goe le gbedoxɔ la me hedo ʋɔa. Esi wobe yewoawui ko la, ame aɖe yi ɖagblɔ na Romasrafowo ƒe amegã be ʋunyaʋunya gã aɖe le edzi yim le Yerusalem dua me. Asrafomegã la ɖe eƒe asrafo aɖewo ɖo ɖa be woaɖatsi ʋunyaʋunya la nu. Esi amehawo kpɔ asrafoawo wogbɔna ko la, wodzudzɔ Paulo ƒoƒo.
Asrafoawo ƒe amegã la na wolé Paulo, eye woblae sesĩe kple gakɔsɔkɔsɔ. Azɔ etrɔ ɖe ameha la gbɔ, eye wòbia ame si Paulo nye kple nu vɔ̃ si wòwɔ la wo. Ame aɖeke mete ŋu na ŋuɖoɖo gobii aɖeke o, elabena ame sia ame nɔ ɣli dom nɔ nya si dze eŋu la gblɔm. Le esia ta la, asrafowo ƒe amegã la ɖe gbe be woakplɔ Paulo yi ɖe asrafowo ƒe nɔƒee. Esi wova afi ma henɔ atrakpuiawo liam la, ameha la galũ ɖe wo dzi kple adã. Esia na be asrafoawo kɔ Paulo ɖe abɔta be woƒe asi nagakae o. Ke hã ameawo nɔ ɣli dom le wo yome sesĩe be, “Miwui! Miwui!”
Paulo ƒo nu na ameha la heʋli eɖokui ta
Esi wova ɖo gaxɔa ƒe mɔnu la, Paulo gblɔ na asrafoawo ƒe amegã le Helagbe me be, “Amegã, magblɔ nya aɖe na wò.”
Ewɔ nuku na asrafoa ŋutɔ be Paulo gblɔ Helagbe, ale wòbiae be, “Ɖe nèse Helagbea? Alo menye wòe nye Egiptetɔ ma si de zitɔtɔ amewo me abe ƒe ɖeka alo eve aɖewoe nye esi va yi ene, eye nèkplɔ amewulawo abe akpe ene sɔŋ ene woɖabe ɖe gbegbe aɖe oa?”
Paulo ɖo eŋu be, “Ao, nye la, Yudatɔ menye tso Tarso le Kilikia nuto me. Du sia nye du xɔŋkɔ aɖe. Meɖe kuku na wò, ɖe mɔ nam maƒo nu na ameha la.”
Asrafowo ƒe amegã la lɔ̃ ɖe Paulo ƒe biabia la dzi, ale Paulo tsi tsitre ɖe atrakpui la dzi hekɔ asi dzi na ameha la, eye ɖoɖoe gã aɖe zi enumake. Azɔ eƒo nu na wo le Hebrigbe me be:
“Fofonyewo kple nɔvinyewo, to kukuɖeɖe me, miɖo tom ne maɖe ɖokuinye nu miase.”
Esi ameawo se be enɔ Hebrigbe gblɔm la, wogazi ɖoɖoe ɖe edzi wu tsã.
Paulo yi edzi be, “Yuda vidzidzi ŋutɔŋutɔe menye tso Tarso le Kilikia nuto me. Ke Yerusalem afi siae mede suku le, eye nye nufialae nye Gamaliel, ame si hem be mawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo kple kɔnuwo dzi pɛpɛpɛ abe ale si dze ene. Enye nye didi vevie ɣe ma ɣi be made bubu Mawu ŋu le nu sia nu si mawɔ la me abe ale si miawo hã miele ewɔm fifia ene. Meti Kristotɔwo yome. Mewɔ funyafunya wo, wu wo, lé ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa de gaxɔ me. Yudatɔwo ƒe nunɔlagã kple amegã ɖe sia ɖe ate ŋu aɖi ɖase na mi le nya siawo ŋu, elabena mexɔ agbalẽ tɔxɛ tso wo gbɔ le Yerusalem si na ŋusẽm be mayi wo nɔviwo Yudatɔwo ƒe amegãwo gbɔ le Damasko, eye woakpe ɖe ŋunye be malé Kristotɔ siwo katã le dua me la, akplɔ wo va Yerusalem be woahe to na wo.
“Ke esime wòsusɔ vie maɖo Damasko dua me, le ŋdɔ ga wuieve me lɔƒo la, keklẽ gã aɖe tso dziƒo klẽ ƒo xlãm. Ale medze anyi. Enumake mese ame aɖe ƒe gbe be, ‘Saulo, Saulo, nu ka ta nèle yonyeme tim ale mahã?’
“Mebia be, ‘Aƒetɔ, wò ame kae le nu ƒom nam?’
“Gbea ɖo eŋu be, ‘Nyee nye Yesu, Nazaretitɔ, ame si yome tim nèle.’ Ame siwo nɔ ŋunye la se nuƒoa pɛpɛpɛ, gake womese nu si wògblɔ la gɔme o.
“Meyi edzi gabiae be, ‘Aƒetɔ nu ka mawɔ?’
“Aƒetɔ la gblɔ nam be, ‘Tsi tsitre nàyi Damasko dua me, eye ame aɖe agblɔ nu siwo wɔ ge nàla le ƒe siwo gbɔna me la na wo.’
“Ke esi metso le anyigba la, mede dzesii be nyemegate ŋu nɔ nu kpɔm o le kekeli gã ma ta eya ta ame siwo le ŋunye la lém ɖɔɖɔɖɔ hekplɔm yi Damasko.
“Le afi ma la, ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Anania la va gbɔnye. Anania nye Yudatɔ, ame si mefena kple Yudatɔwo ƒe sewo o, ale Yudatɔ siwo katã le Damasko la tsɔ bubu tɔxɛ nɛ. Ame sia va tsi tsitre ɖe gbɔnye, eye wògblɔ nam be, ‘Nɔvinye Saulo, ʋu ŋku nàkpɔ nu!’ Enumake nye ŋkuwo ʋu, eye megakpɔ nu.
“Anania yi edzi gblɔ nam be, ‘Mía tɔgbuiwo ƒe Mawu la tia wò be nànya nu si nye eƒe lɔlɔ̃nu, ase eƒe gbe, eye nàkpɔ Dzɔdzɔetɔ la, ase eƒe nuƒo hã. Hekpe ɖe esia ŋu la, ele be nànye eƒe ɖaseɖila na amewo katã, eye nàgblɔ nu siwo nèkpɔ kple nu siwo nèse la hã na amewo. Azɔ ɣeyiɣigbegblẽ aɖeke megali o. Ɖeko woade mawutsi ta na wò, aklɔ wò nu vɔ̃wo ɖa le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me.’
“Metrɔ va Yerusalem, eye gbe ɖeka esi menɔ gbe dom ɖa le gbedoxɔ la me la, mekpɔ ŋutega aɖe, eye Mawu gblɔ nam be, ‘Wɔ kaba nàdzo le Yerusalem, elabena ne ègblɔ nye nya na amewo la, womaxɔe se o.’
“Ke meɖo eŋu be, ‘O, Aƒetɔ, ame siawo nya nyuie be ame siwo katã xɔ wò ŋkɔ dzi se la, meléa wo tso ƒuƒoƒe yi ƒuƒoƒe, ƒoa wo, eye medea wo gaxɔ me. Gawu la, esime wonɔ wò dɔla Stefano ƒe ʋu kɔm ɖi la, nye ŋutɔ meda asi ɖe edzi. Menɔ afi ma, eye mexɔ ame siwo nɔ ewum la ƒe awuwo lé ɖe asi na wo esime wonɔ kpe ƒumee.’
“Gake Mawu gblɔ nam be madzo le dua me godoo, elabena yeaɖom ɖe kekeke ame siwo menye Yudatɔwo o gbɔ be magblɔ nya na wo.”
Paulo, Romatɔ la
Esi wògblɔ nya sia ko la, ameha la ganyra kple ɣli bobobo be, “Mikplɔ ame ma ƒomevi dzoe le anyigba dzi! Miyi ɖawui! Medze be wòanɔ agbe o!”
Ale woda woƒe awuwo ɖe yame, eye wolɔ ke hlẽ ɖe yame dzikutɔe. Ale asrafowo ƒe amegã ɖe gbe be woakplɔ Paulo yi xɔa mee, aƒoe kple atam va se ɖe esime wòato nyateƒe be yenya nu si tututu ta ameha la do dziku ɖe ye ŋu nenema ɖo. Esime wonɔ Paulo blam be yewoaƒoe la, ebia asrafoawo ƒe nunɔla aɖe si nɔ tsitre ɖe egbɔ be, “Ele se nu be miaƒo Romatɔ le esime womedrɔ̃ ʋɔnue oa?”
Asrafo sia yi eƒe amegã gbɔ enumake ɖagblɔ nɛ be, “Amegã, nu kae nye esia nèbe yeawɔ? Mènya be ame sia la Romatɔ wònye hafi nèbe woaƒoe oa?”
Asrafowo ƒe amegã la ɖe abla va Paulo gbɔ hebiae be, “Ŋutsu, Romatɔe nènye vavã?”
Paulo ɖo eŋu be, “Ɛ̃, Romatɔe menye.”
Asrafowo ƒe amegã la hã gagblɔ nɛ be, “Nye hã Romatɔe menye, gake ga home gbogbo aɖee mena hafi te ŋu zui.”
Ke Paulo gblɔ nɛ be, “Nye ya Roma vidzidzie menye.”
Nya sia na be vɔvɔ̃ ɖo asrafowo ƒe amegã la, le esi wòɖe gbe be woabla Paulo ta. Asrafo siwo nɔ dzadzram ɖo ɖe eƒoƒo ŋu la katã bu le afi ma enumake esi wose be Romatɔe wònye.
Paulo le ʋɔnudrɔ̃ƒe la ŋkume
Le ŋkeke evea gbe la, asrafowo ƒe amegã la ɖe Paulo le gaxɔ me, eye wòyɔ nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe amegãwo ƒo ƒu. Azɔ ekplɔ Paulo va wo ŋkume be yease nu si tututu le tɔtɔ sia hem vɛ la gɔme.
Paulo le ʋɔnudrɔ̃lawo ŋkume
Paulo li ŋku ɖe takpekpea dzi gãa, eye wòƒo nu gblɔ be, “Nɔviwo, nye dzitsinya ka ɖe edzi nam be nye agbenɔnɔ dzea Mawu ŋu ɣe sia ɣi.”
Esi wòɖe nu le nya sia me teti ko la, nunɔlagã Anania ɖe gbe be ame siwo le Paulo gbɔ lɔƒo la naƒo nugbɔ nɛ. Ale woƒoe nɛ.
Paulo gblɔ nɛ be, “Mawu aƒo wò hã, wò ame si le abe gli si wosi akalo na ene. Ènɔ zi dzi be nadrɔ̃ ʋɔnum ɖe se la nu, ke wò ŋutɔ nèda sea dzi, ɖe gbe be woaƒo alɔgbɔ nam!”
Ame siwo nɔ tsitre ɖe Paulo gbɔ la do ɣli ɖe eta be, “Mɔ kae nèkpɔ be nànɔ Mawu ƒe nunɔlagã la dzum alea?”
Paulo ɖo eŋu be, “Tɔnye medzɔ o, nɔviwo, nyemenya be eyae nye nunɔlagã la o, elabena mawunya gblɔ be, ‘Mègagblɔ nya vɔ̃ aɖeke ɖe wò dukɔ ƒe kplɔlawo ŋu o.’ ”
Ʋiʋli ɖo Zadukitɔwo kple Farisitɔwo dome
Azɔ, esi Paulo kpɔe dze sii be takpekpea me valawo ƒe akpa aɖewo nye Zadukitɔwo, eye ɖewo hã nye Farisitɔwo ŋuti la, edo ɣli gblɔ be, “Nɔvinyewo, Farisitɔ menye abe tɔgbuinyewo ke ene, eye nu si ta wohem va ʋɔnue egbe lae nye be nye hã meka ɖe edzi abe miawo ke ene be ame siwo ku la agafɔ tso ku me.” Esi wògblɔ esia ko la, ʋiʋli ge ɖe Farisitɔwo kple Zadukitɔwo dome, eye takpekpe la ma ɖe akpa eve. (Elabena Zadukitɔwo gblɔna be tsitretsitsi tso ame kukuwo dome meli o, eye mawudɔlawo kple gbɔgbɔwo meli o, ke Farisitɔwo xɔ nu siawo dzi se be woli.)
Nu sia he tɔtɔ gã aɖe vɛ, eye Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala aɖewo siwo nye Farisitɔwo tsi tsitre hedo ɣli be yewomekpɔ be naneke gblẽ le Paulo ŋu o, ke boŋ ɖewohĩ mawudɔla alo gbɔgbɔ aɖee ƒo nu nɛ le Damasko mɔ dzi.
Hoowɔwɔ la va de dzi blibo, eye asrafoawo ƒe amegã vɔ̃ be woava vuvu Paulo. Mlɔeba la, eɖe gbe na eƒe asrafowo be woakplɔ Paulo adzoe sesẽtɔe le wo gbɔ, ale wokplɔe gayi ɖe gaxɔa mee le asrafowo ƒe nɔƒe.
Le zã me la, Aƒetɔ la va Paulo gbɔ gblɔ nɛ be, “Paulo, dzi megaɖe le ƒowò o, elabena abe ale si nèɖi ɖase le ŋunye le Yerusalem ene la, nenema kee nèle ɖase ɖi ge le ŋunye le Roma hã.”
Woɖo nugbe ɖe Paulo ŋu be yewoawui
Esi ŋu ke la, Yudatɔ aɖewo ƒo ƒu, eye woka atam na wo ɖokuiwo be ne yewomewu Paulo o kpaa, yewomaɖu nu alo ano tsi o. Ŋutsu siwo ɖo vɔ̃ sia la sɔ gbɔ wu ame blaene. Woyi nunɔlagãwo kple dumegãwo gbɔ hegblɔ na wo be, “Míeka atam ƒo ɖe mía ɖokui dzi be míele naneke ɖu ge va se ɖe esime míawu Paulo o. Miawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo, miwɔ abe ɖe miedi be yewoagabia gbe Paulo ene, ale be miabia asrafowo ƒe amegã ne wòakplɔe va takpekpe gã la me. Míawo la, míade xa ɖe mɔa dzi, eye ne wokplɔ Paulo gbɔnae la, míadzo adze edzi, awui.”
Ke Paulo ƒe srɔ̃nyi aɖe se woƒe ɖoɖo sia ale wòɖe abla ɖagblɔe na Paulo le mɔ la me.
Paulo yɔ asrafowo dometɔ ɖeka, eye wòbia tso esi be wòakplɔ ɖekakpui la yi asrafoawo ƒe amegã gbɔe, elabena nya aɖe le esi wòdi be yeagblɔ nɛ. Asrafoa kplɔ ɖekakpui la yii abe ale si Paulo gblɔ nɛ ene, eye wògblɔ na asrafoawo ƒe amegã be, “Paulo, gamenɔla la, yɔm va eɖokui gbɔ, eye wòɖe kuku nam be makplɔ ɖekakpui sia va gbɔwò, elabena nya aɖe le esi be wòagblɔ na wò.”
Asrafomegã la kplɔ ɖekakpui la ɖe kpɔe hebia gbee be, “Nya ka nèdi be yeagblɔ nam?”
Paulo ƒe nyruiyɔvi la gblɔ nɛ be, “Etsɔ la, Yudatɔwo aɖo ame ɖe gbɔwò be nàkplɔ Paulo va yewoƒe takpekpe gã la ŋkumee be yewoagabia gbee. Gake mègawɔe o, elabena Yudatɔ blaene aɣla wo ɖokuiwo ɖe mɔa dzi be ne Paulo va yina la, yewoalée awu. Woka atam na wo ɖokuiwo be, ne Paulo meku o la, yewomaɖu nu alo ano tsi hã o, eya ta wode xa ɖe mɔa dzi fifi laa hã xoxo.”
Asrafowo ƒe amegã la gblɔ na ɖekakpui la be, “Mègana ame aɖeke nanya be èva gblɔ nya sia nam o.” Emegbe la edzo.
Woɖo Paulo ɖe Kaesarea
Enumake Asrafomegã la yɔ etevi eve, eye wògblɔ na wo be, “Midzra ɖo miadze Kaesarea mɔ dzi egbe zã ga asiekɛ me. Midi sɔ na Paulo wòado ale be miakplɔe aɖade asi na mɔmefia Felix dedie.”
Eŋlɔ agbalẽ kpe ɖe eŋu ale:
Klaudio Lisia,
Na Bubutɔ, mɔ̃mefia Felix,
Xɔ gbedoname nyui sia.
Gbe ɖeka la, Yudatɔwo lé ŋutsu sia, eye wonɔ eƒom be yewoawui, ke esi mese be Romatɔ wònye la, meɖo asrafowo ɖa woɖaxɔe le wo si. Emegbe la, mekplɔe yi Yudatɔwo ƒe takpekpe gã la me be mase nu si tututu wòwɔ tae wolée ɖo. Le woƒe nyamedzodzrowo me la, mekpɔ be menye nya gobii aɖeke wotsɔ ɖe eŋu o, ke boŋ nya siwo ku ɖe Yudatɔwo ƒe xɔse kple kɔnuwo ŋu la koe, eye medze be woawui alo adee gaxɔ me kura gɔ̃ hã ɖe nya siawo ƒomevi ta o. Ke le esime mese be Yudatɔwo ganɔ ɖoɖo wɔm le bebeme be yewoawui ta la, meɖoe be makplɔe ɖo ɖe wò, eye magblɔ na eƒe futɔwo hã be woava gbɔwò ne nàdrɔ̃ nya la na wo.
Ale, le zã ma me la, asrafoawo kplɔ Paulo yi va ɖo Antipatre. Esi ŋu ke la, wotsɔe de asi na sɔdzisrafoawo be woakplɔe ayi Kaesarea, ke afɔzɔlawo ya gatrɔ va woƒe nɔƒe le mɔ la me. Esi wova ɖo Kaesarea la, wotsɔ Paulo de asi na mɔmefia la, eye wotsɔ agbalẽ si Lisia ŋlɔ de wo si la hã nɛ. Esi mɔmefiagã la xlẽ agbalẽ la vɔ la, ebia du si me tɔ Paulo nye lae eye Paulo ɖo eŋu be, “Metso Kilikia.”
Azɔ mɔmefia la gblɔ nɛ be, “Maɖo to wò nyawo katã nenye be nuwòtsolawo va ɖo.” Ale wòɖe gbe be woaɖatui ɖe gaxɔ me le Fia Herod ƒe fiasã me.
Wodrɔ̃ ʋɔnu Paulo le Mɔmefia Felix ŋkume
Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, nunɔlagã Anania kple eŋumewo yi Kaesarea be yewoatsɔ nya ɖe Paulo ŋu. Ame siwo nɔ Anania ŋu la woe nye, Yudatɔwo ƒe kplɔla aɖewo kple senyala Tertulo. Esi mɔmefia la bia gbe wo la, Tertulo ƒo nu ɖe wo nu gblɔ be, “Amegã bubutɔ Felix, le wò kpɔkplɔ nyui la te la, mí Yudatɔwo míekpɔ tomefafa kple bubu, eye amewo megakpɔa mí abe nu tsɛ aɖewo ko ene o. Ke le afi sia afi míele akpe manyagblɔ aɖe dam na wò tso míaƒe dzi me ke ɖe esia ta. Nyemedi be magblẽ ɣeyiɣi na wò boo o, eya ta meɖe kuku na wò mayi nye nya dzi agblɔe kpuie ko le wò dɔmefafa la nu.
“Ame si wokplɔ va gbɔwòe la, ame vɔ̃ɖi aɖe ŋutɔ wònye. Eƒe dɔ koe nye be wòanɔ ʋunyaʋunya dem Yudatɔwo dome le xexea me katã godoo be woatsi tsitre ɖe Roma dziɖuɖu la ŋu, anɔ woƒe sewo kple kɔnuwo dzi dam. Eya kee nye habɔbɔ si woyɔna be, Nazaretitɔwo la ƒe amegã. Nu si gavlo wu lae nye be edi be yeado vlo míaƒe gbedoxɔ la hafi míeva do ɖe edzi helée. [Ɖe míebe míadrɔ̃ ʋɔnue le míaƒe se la nu hafi. Ke asrafowo ƒe amegã Lisia va xɔe le mía si sesẽtɔe eye wòna be enutsolawo nava gbɔwò.] Ne wò ŋutɔ èse eƒe numegbe ko la, ekema míaƒe nya me akɔ na wò.”
Yudatɔ mamlɛawo xɔ ɖe Tertulo ƒe nyawo dzi be wole eme tututu abe ale si wògblɔe ene.
Azɔ eɖo Paulo hã dzi be wòaɖe eɖokui nu. Mɔmefiagã la wɔ asi nɛ be wòatso aƒo nu.
Paulo ɖe eɖokui nu gblɔ be, “Amegã bubutɔ, menya be menye egbee nèle Yudatɔwo ƒe nyawo drɔ̃m o. Le esia ta la, dzideƒo le asinye be maɖe ɖokuinye nu le gbɔwò. Anɔ abe ŋkeke wuieve koe nye esi ene, meva ɖo Yerusalem be mawɔ subɔsubɔdɔ le gbedoxɔ me. Ame siwo le nunye tsom la mekpɔm menɔ nya hem kple ame aɖeke le gbedoxɔ la me alo de zitɔtɔ ameha aɖewo dome le ƒuƒoƒe aɖeke alo le dua ƒe akpa aɖeke o. Le nya si wotsɔ ɖe nunye fifia la hã me la, womate ŋu aɖee afia be enye nyateƒe o. Ke hã la, melɔ̃ ɖe edzi be mesubɔa mía fofowo ƒe Mawu la abe ame si le Mɔ la dzi ene, esi amewo yɔna be kɔmama. Mexɔ nu sia nu si sɔ kple se la kple nu siwo woŋlɔ ɖe nyagblɔɖigbalẽawo me la dzi se. Mexɔe se hã abe ame siawo ke ene be Mawu ana nu vɔ̃ wɔlawo kple ame dzɔdzɔewo siaa afɔ tso ku me, eye le esia ta la, medzea agbagba wɔa nye dzitsinya ŋuti dɔ nyuie be nye agbenɔnɔ nadze Mawu kple amegbetɔwo ŋu.”
Paulo yi eƒe nuƒoa dzi be, “Menɔ gbedzi ƒe geɖe, eye metrɔ va Yerusalem, hetsɔ ga ɖe asi be mava kpe ɖe Yudatɔwo ŋu, eye masa vɔ na Mawu hã. Nye futɔ siawo va ke ɖe ŋunye le gbedoxɔ la me, mele ŋutinye kɔm. Ameha aɖeke alo ʋunyaʋunya aɖeke menɔ afi ma kura o. Ke dzɔgbevɔ̃etɔe la, Yudatɔ aɖewo, ame siwo tso Asia nuto me, ame siwo wòle be woanɔ afi sia hafi hã nɔ afi ma ɣe ma ɣi. Bia ame siawo le afi sia fifia ŋutɔ be esi wokplɔm yi Yudatɔwo ƒe takpekpe gã la me ɖe, vodada ka wokpɔ le ŋunye mahã. Nu si megblɔ si ɖewohĩ medze be magblɔ hafi o koe nye be, ‘Nu si ta wokplɔm va mia dome le takpekpe gã sia me ɖo lae nye be mexɔe se be ame siwo katã ku la agafɔ ɖe tsitre tso ku me!’ ”
Felix nya nyuie be kristotɔwo mewɔa ʋunyaʋunya o. Le esia ta la, egblɔ na Yudatɔwo be woalala va se ɖe esime asrafowo ƒe amegã, Lisia nava hafi yeatso nya la me. Ede se be woakplɔ Paulo ayi gaxɔa me, gake woakpɔ edzi nyuie. Woaɖe mɔ faa be exɔlɔ̃wo nava kpɔe ɖa, eye woate ŋu atsɔ nunanawo vɛ nɛ faa, be eƒe dzi nadze eme.
Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, Felix kple srɔ̃a Drusila, ame si nye Yudatɔ la va, eye woɖo ame ɖe Paulo be wòava. Esi Paulo va la, eƒo nu na wo le Yesu Kristo dzixɔse ƒe nyawo ŋu. Nyawo de to me na Felix srɔ̃ nyuie. Ke esi wòɖe nya me na wo le dzɔdzɔenyenye, ɖokuidziɖuɖu kple ʋɔnudɔdrɔ̃ si li gbɔna ŋu la, vɔvɔ̃ ɖo Felix, eye wògblɔ na Paulo be neyi gbɔ, ne yegakpɔ ɣeyiɣi nyui aɖe la, yeagaɖo ame ɖee. Felix nɔ mɔ kpɔm be Paulo ana zãnu ye, eya ta eyɔe zi geɖe henɔ nya me dzrom kplii.
Wonɔ esia dzi alea ʋuu ƒe eve sɔŋ. Ke mlɔeba la, woɖe Felix le afi ma hetsɔ Porkio Festus ɖo eteƒe. Le esi Felix di be Yudatɔwo nakpɔ ŋudzedze le ye ŋu ta la, egblẽ Paulo ɖe gaxɔ me hafi dzo.
Paulo tsɔ eƒe nya de asi na Kaisaro
Esi Festus dze eƒe dɔ gɔme le Kaesarea ƒe ŋkeke etɔ̃a gbe tututu la, eɖi tsa yi Yerusalem. Nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo wɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋuti dɔ heka Paulo ƒe nya la ta nɛ. Wodze agbagba bia amenuveve tso Festus gbɔ be wòaɖo Paulo ɖe Yerusalem enumake kple susu be, yewoabe ɖe mɔa dzi awui. Festus ɖo eŋu be, “Esi Paulo le gaxɔ me le Kaesarea, eye nye hã mele afi ma yi ge kpuie la, mina miaƒe kplɔla aɖewo nadze yonyeme aɖatsɔ nya ɖe ŋutsu la ŋu le afi ma nenye be eda vo aɖe.”
Le ŋkeke enyi alo ewo megbe la, Festus trɔ yi Kaesarea, eye le ŋkeke evea gbe tututu la, eyɔ Paulo ƒe nya la le ʋɔnu.
Esi Paulo va ɖo ʋɔnua ko la, Yudatɔ siwo tso Yerusalem va la le tsitre ƒo xlãe, eye wotsɔ nutsotso vevi geɖewo vɛ ɖe Paul ŋu, esiwo ŋu womete ŋu fia kpɔɖeŋu aɖeke le o. Ke Paulo ɖo eŋu na wo be, “Nyemedze agɔ le ame aɖeke dzi o. Nyemeda Yudatɔwo ƒe se aɖeke dzi o, eye nyemedo vlo gbedoxɔ la hã o. Gawu la, nyemetsi tsitre ɖe Roma dziɖuɖu alo Kaisaro ŋu o.”
Ke Festus di vevie be yeave Yudatɔwo nu, eya ta ebia Paulo be, “Èlɔ̃ be yeayi Yerusalem be madrɔ̃ ʋɔnu ye le afi ma?”
Paulo ɖo eŋu nɛ be, “Kaisaro ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔe nye esi mele tsitre ɖo, afi si wòle be wòadrɔ̃ ʋɔnum le sea nu le. Nyemewɔ vɔ̃ aɖeke Yudatɔwo o, abe ale si wò ŋutɔ nènya nyuie ene. Ne mewɔ nane si dze na ku la, nyemele ku vɔ̃m o. Ke ne vodada aɖeke mele ŋunye o la, medze be wò alo ame bubu aɖeke nakɔm ade asi na ame siawo be woawum o. Metsɔ nye nya de asi na Fia Kaisaro ŋutɔ!”
Nya sia na be Festus trɔ ɖe eŋumewo ŋu eye wodo dalĩ vie. Emegbe la, etrɔ ɖe Paulo gbɔ, gblɔ nɛ be, “Enyo; Paulo, esi nètsɔ wò nya de asi na Kaisaro ta la, míaɖo wo ɖe Kaisaro gbɔ.”
Paulo do ɖe Fia Agripa ŋkume
Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, Fia Agripa kple nɔvia nyɔnu, Benis ɖi tsa va Festus gbɔ le Kaesarea be yewoakpɔe ɖa. Le woƒe afi ma nɔnɔ me la, Festus gblɔ Paulo ƒe nya na fia la be, “Felix gblẽ ame aɖe ɖe gaxɔ me le afi sia hafi meva xɔ eteƒe. Eye esi meɖi tsa de Yerusalem la, nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe tatɔwo va gbɔnye hewɔ nutsotso geɖe ɖe ame sia ŋu, eye wobia tso asinye be matso kufia nɛ. Ke abe ale si wò ŋutɔ nènyae ene la, megblɔ na wo be míaƒe Roma se la meɖe mɔ be woabu fɔ ame ʋɔnumadrɔmadrɔ̃e o, ke boŋ ele be woana mɔe be wòaɖe eɖokui nu le ame siwo tsɔ nya ɖe eŋu la ŋkume.
“Esi Yudatɔwo tso Yerusalem va afi sia la, meyɔ ʋɔnua, eye mena wokplɔ Paulo va ʋɔnuae. Esi enutsolawo tsi tsitre be woaƒo nu la, wometsɔ nya sesẽ aɖeke ɖe eŋu, abe ale si mebui ene o, ke boŋ nyaʋiʋli aɖewo tso woƒe subɔsubɔ kple ame aɖe si woyɔna be Yesu, ame si ku, gake Paulo ya gale gbɔgblɔm be ele agbe kokoko la ŋu. Esi mese woƒe nyawo la, metɔtɔ ŋutɔ, elabena nyemenya ale si madrɔ̃ nya sia ƒomevie o. Mebia Paulo be alɔ̃ be woadrɔ̃ nya sia le Yerusalem hã? Gake Paulo gbe gblɔ be yedi be Kaisaro gã la ŋutɔ nadrɔ̃ ʋɔnu ye. Le esia ta la, megana be woagbugbɔe ayi gaxɔ me va se ɖe esime mate ŋu aɖoe ɖe Kaisaro gbɔ.”
Agripa gblɔ na Festus be, “Nye ŋutɔ medi be mabia gbe Paulo ase eƒe numegbe.”
Festus do ŋugbe nɛ be, “Etsɔ àse eƒe numegbe.”
Le ŋkeke evea gbe tututu la, Agripa kple Benis va do ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe la le bubu kple atsyɔ̃ɖoɖo gã me. Asrafowo kple dumegãwo hã nɔ wo ŋu. Esi woɖi anyi vɔ la, Festus na wokplɔ Paulo va wo ŋkumee.
Festus ƒo nu na ƒuƒoƒe la be, “Fia Agripa kple ame siwo katã ƒo ƒu ɖe afi sia, ame si le mia dome lae nye ame si Yudatɔ siwo le du sia me kple Yerusalem siaa la di be woatso kufia na. Ke le nye nukpɔkpɔ nu la, mewɔ naneke si dze na ku o. Ke esi eya ŋutɔ bia be Kaisaro ŋutɔ nadrɔ̃ ʋɔnu ye ta la, wɔna aɖeke megale ŋunye wu be maɖoe ɖe Kaisaro gbɔ le Roma o. Gake hã la, nyemenya nya ka tututu maŋlɔ ɖo ɖe Fiagã la abe nutsotso le eŋu ene o, elabena wometsɔ nya gobii aɖeke ɖe eŋu o. Eya ta mekplɔe vɛ na mi katã, vevietɔ wò Fia Agripa, be nàbia gbee, eye to esia me makpɔ nane aŋlɔ tso eŋu. Elabena susu mele eme be woaɖo gamenɔla aɖe ɖe Kaisaro be wòadrɔ̃ ʋɔnue le esime wometɔ asi nutsotso aɖeke dzi tso eŋu o.”
Paulo ɖe eɖokui nu le Agripa ŋkume
Fia Agripa gblɔ na Paulo be, “Meɖe mɔ na wò be nàɖe ɖokuiwò nu mase.”
Ale Paulo do asi ɖa, eye wòɖe eɖokui nu gblɔ be, “Fia Agripa, enye dzidzɔ kple bubu gã aɖe nam be mekpɔ mɔnu sia be maƒo nu na wò le nu siwo katã Yudatɔwo tsɔ le nunye tsom la ŋuti, elabena ènya nu tso Yudatɔwo ƒe sewo kple kɔnuwo ŋu tsitotsito. Azɔ meɖe kuku na wò be nàgbɔ dzi ɖi aɖo tom.
“Ele nyanya me na Yudatɔwo katã be wohem tso ɖevime abe Yudatɔ akuakua ene, le nye dedu Tarso kple Yerusalem me, eye menɔ agbe ɖe sewo kple kɔnuwo nu pɛpɛpɛ ƒe geɖewo. Ne woato nyateƒe la, Yudatɔwo alɔ̃ ɖe edzi be menɔ agbe abe Farisitɔ adodoe ene, eye mewɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo kple kɔnuwo dzi pɛpɛpɛ ɣe sia ɣi. Ke nu bubu sãa tae wotsɔ nya ɖe ŋunye fifia, eyae nye be mele mɔ kpɔm be Mawu awɔ eƒe ŋugbe si wòdo na mía tɔgbuitɔgbuiwo la dzi. Nu sia ke ko Israelviwo ƒe to wuieveawo katã hã le mɔ kpɔm na, hele kutri kum le subɔsubɔ wɔm zã kple keli gbe sia gbe ɖe eta. Gake Fia Agripa, le nye ya gome la, Yudatɔwo le nunye tsom be enye nu vɔ̃ mewɔ. Ne Mawu fɔ ame kukuwo ɖe tsitre la, aleke wɔ miebu be enye nu si womate ŋu axɔ ase oa?
“Tsã la, mexɔe se be enye nye dɔdeasi be mawɔ funyafunya ƒomevi geɖewo ame siwo nye Yesu Nazaretitɔ la yomenɔlawo. Le esia ta la, mexɔ ŋusẽ tso nunɔlagã gbɔ, eye melé xɔsetɔ geɖewo de gaxɔ me le Yerusalem. Gawu la, ne wotso kufia na wo dometɔ aɖe la, medaa asi ɖe nuwɔna sia dzi blibo. Mewɔ funyafunya ƒomevi geɖewo Kristotɔ siawo le ƒuƒoƒewo katã be wogblɔ busunya. Melé fu ame siawo ale gbegbe be metia wo yome yia du bubuwo ke hã me.
“Esia dzi mele heyi Damasko, eye ŋusẽ kpakple mɔnana le asinye tso nunɔlagãwo gbɔ. Esi míenɔ mɔa dzi yina anɔ abe ŋdɔ ga wuieve me lɔƒe ene la, fia Agripa, mekpɔ keklẽ gã aɖe tso dziƒo heklẽ ɖe nye kple ŋunyemewo dzi. Mí katã míedze anyi. Enumake mese ame aɖe wònɔ nu ƒom nam le Hebrigbe me be, ‘Saulo, Saulo, nu ka ta nèle yonyeme tim ɖo? Afɔɖoɖo nutɔame dzi ɖe wòwɔa nu vevi ame.’
“Mebia be, ‘Aƒetɔ, wò ame kae le nu ƒom?’
“Aƒetɔ la ɖo eŋu be, ‘Nyee nye Yesu, ame si yome tim nèle. Tsi tsitre, elabena metia wò be nànye nye subɔla kple nye ɖaseɖila. Yi nàɖe gbeƒã wò nuteƒekpɔkpɔ sia kple bubu siwo gbɔna la fia xexea me katã. Makpɔ tawò, eye maɖe wò tso wò ŋutɔ wò amewo kple ame siwo menye Yudatɔwo o hã ƒe asi me. Le nyateƒe me la, maɖo wò ɖe ame siwo menye Yudatɔwo o dome be nàgblɔ nyanyui la na wo, be woƒe ŋkuwo naʋu, eye woatrɔ le viviti la gbɔ ava kekeli la me. Woatso Satana ƒe ŋusẽ me ava Mawu gbɔ, be woakpɔ nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke kple domenyinu si li na ame siwo katã ŋuti kɔ, eye wodza le xɔse me.’
“Eya ta, Fia Agripa, nye hã mewɔ ɖe ŋutega si tso dziƒo la ƒe ɖoɖo dzi. Gbã la, megblɔ nyanyui la na ame siwo le Damasko, eye tso afi ma la, meva Yerusalem kple Yudea nutowo me. Emegbe la, meyi ame siwo menye Yudatɔwo o dome, eye megblɔ na wo be woadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, atrɔ ɖe Mawu ŋu, eye woana woƒe nu nyui wɔwɔ nafia be wotrɔ dzi me vavã. Esia tae Yudatɔwo va lém le gbedoxɔ la me be yewoawum gɔ̃ hã hafi. Ke Mawu kpɔ dzinye ale megale agbe egbe, be magblɔ nya sia na ame sia ame ƒomevi, ame gblɔewo kple bubumewo siaa. Ke nyemele nya bubu aɖeke gblɔm o, negbe nu si nyagblɔɖilawo kple Mose wogblɔ ɖi be ava va eme la koe. Nyagblɔɖilawo kple Mose gblɔ be, ‘Woawɔ funyafunya Kristo la, eyae anye ame gbãtɔ si afɔ tso ame kukuwo dome, eye wòahe Kekeli vɛ na Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o.’ ”
Esi Festus se nya sia ko la, edo ɣli ɖe Paulo ta sesĩe be, “Paulo, wò tagbɔ le gbegblẽm; wò agbalẽsɔsrɔ̃ fũu na wò tagbɔ flu.”
Paulo ɖo eŋu be, “Bubume Festus, nye tagbɔ meflu o, ke boŋ nya siwo megblɔ la nye nyateƒe matrɔmatrɔ sɔŋ ko. Fia Agripa ŋutɔ hã nya nu le nu siawo ŋu. Meka ɖe edzi be Fia Agripa se nya siawo katã kpɔ, elabena wonye nu siwo dzɔ le gaglãgbe, eye womele ɣaɣla ɖe ame aɖeke o. Fia Agripa, menya be èxɔ nyagblɔɖilawo ƒe nyawo dzi se; alo mele eme nenema oa?”
Agripa xɔ nya la le Paulo nu gblɔ be, “Ɖe nèbu be nya sue si nègblɔ le afi sia lae ana be mazu kristotɔ zi ɖeka?”
Paulo ɖo eŋu be, “Anye nye didi vevie be togbɔ be nye nyawo meɖi naneke o hã la, Mawu ana wò kple ame sia ame si aɖo tom egbe la natrɔ zu abe ame si menye ene, ke menye to fukpekpe me abe ale si mele babla me ene o.”
Le nya siawo megbe la, Fia Agripa kple Mɔmefiagã Festus kple Benis kple wo ŋumewo katã tso hedzo. Emegbe esi wonɔ nya la me dzrom kpɔ le wo ɖokuiwo dome la, wokpɔe dze sii be le nyateƒe me la, Paulo mewɔ naneke si dze na ku alo gamenɔnɔ gɔ̃ hã o.
Ale Agripa gblɔ na Festus be, “Ne menye ɖe Paulo tsɔ eƒe nya la de Kaisaro si o la, anye ne ele be woaɖe asi le eŋu hafi.”
Wokplɔ Paulo yi Roma
Mlɔeba la, woɖoe be míadze mɔ ayi Italia kple tɔdziʋu. Wotsɔ Paulo kple gamenɔla bubu aɖewo de asi na Yulio si nye Kaisaro ƒe asrafowo ƒe amegã ɖeka be wòakplɔ wo ayii dedie. Míeɖo ʋu aɖe si tso Adramitio, eye wòyina tɔtɔ ge ɖe ʋudzeƒe geɖewo le Asia la hedze mɔ. Makedoniatɔ, Aristako si tso Tesalonika la hã nɔ ʋu la me kpli mí.
Le ŋkeke evea gbe la, míeva ɖo Sidon. Asrafoawo ƒe amegã, Yulio nyo dɔ me na Paulo, ale be wòɖe mɔ nɛ wòɖi tsa de dua me ɖakpɔ xɔlɔ̃awo ɖa, eye wodi eƒe nu hiahiã aɖewo nɛ. Esi míegadze mɔ tso afi ma teti ko la, míedo abala to Kipro ƒukpo la ƒe anyiehe gome, elabena ya sesẽ aɖe ƒo va kpe mí. Míeto Kilikia kple Pamfilia ŋu, eye míeva ɖi go ɖe Mira le Likia nuto me. Le afi sia la, míaƒe kplɔla la kpɔ Egipte tɔdziʋu aɖe si tso Aleksandria yina Italia, eye míeɖoe. Míenɔ tsia dzi, eye míekpe fu ŋkeke geɖewo hafi va ɖo Knido gbɔ lɔƒo. Ya nɔ ƒoƒom sesĩe ale gbegbe be ɖeko míegbɔ eme to Salmone ʋudzeƒe la ŋu heyi Kreta. Míenɔ ahom gã sia me wònɔ fu ɖem na mí alea heto fugo la ŋu ɖɔɖɔɖɔ va ɖo teƒe aɖe si woyɔna be “Ʋudzeƒe Nyui” la. Teƒe sia te ɖe Lasea dua ŋu.
Míenɔ afi sia ŋkeke geɖewo. Le ɣeyiɣi siawo me la, ƒudzimɔzɔzɔ yi didiƒewo menɔ bɔbɔe o, elabena ƒea wu enu vɔ, eye ɣeyiɣi sia mee ahom sesẽwo tuna le ƒu dzi. Paulo kpɔe dze sii alea, ale wòyɔ tɔdziʋua kulawo hegblɔ na wo be, “Amegãwo, edze nam abe ne míeyi míaƒe mɔzɔzɔ sia dzi fifia la, nya aɖe ava dzɔ ɖe mía dzi ene. Ɖewohĩ ʋua anyrɔ, eye míaƒe agbawo abu, amewo axɔ abi, eye ame aɖewo aku gɔ̃ hã.” Ke asrafowo, ame siwo ƒe kpɔkplɔ te gamenɔlawo nɔ la meɖo to Paulo o, ke boŋ wose tɔdziʋua kulawo ƒe amegã ƒe aɖaŋu boŋ. Eye esi wònye be Ʋudzeƒe Nyui sia hã menyo tututu be woanɔ le vuvɔŋɔli me o ta la, tɔdziʋua me nɔla geɖewo lɔ̃ ɖe edzi be yewoadze agbagba ayi ŋgɔ, aɖo Foenike be yewoatsi afi ma le vuvɔŋɔli la. Foenike si nye Kreta ƒe ʋudzeƒe la trɔ mo de dzigbemeɣetoɖoƒe kple anyigbemeɣetoɖoƒe.
Ahom tu le ƒu dzi
Le ɣe ma ɣi me tututu la, ya aɖe nɔ ƒoƒom tso anyigbeme gome, eye wòdze abe enyo be míadze mɔ ene eya ta wodo abalawo, eye míedze mɔ henɔ go ŋu tom to Kreta ŋkume kekeake. Sẽe ko la, yame trɔ zi ɖeka, eye ahom sesẽ aɖe si woyɔna be “anyigbemeɣetoɖoƒeya” la ƒo kpe mí tso ƒukpo la dzi. Ahom la lɔ ʋu la ɖe nu, ale be ʋua kulawo ɖe asi le eŋu nɛ, eye wòkplɔ mí dzoe. Mlɔeba la, mieto ƒukpo sue aɖe si woyɔna be “Kauda” la godo, eye to agbagbadzedze geɖe me la, wote ŋu he tɔdziʋu sue si woti kae ɖe ʋu si míeɖo ŋu la, eye wobla tsɔdziʋu la sesĩe be wòagaʋã alo anɔ ʋuʋum o. Tɔdziʋua kulawo nɔ vɔvɔ̃m be míaƒe ʋua ava ɖo ba alo asi ke le Afrika ƒuta, eya ta woɖiɖi abalawo, ale ya kɔ mí ɖe nu heyii. Esi ŋu ke, eye ahom la nu ganɔ sesẽm ɖe edzi la, ʋua kulawo fɔ agbawo ƒu gbe ɖe ƒua me. Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, wofɔ dɔwɔnu siwo katã le ʋua me la hã ƒu gbe ɖe ƒua me. Ahom la nu gasẽ ɖe edzi hena ŋkeke geɖewo, eye míete ŋu kpɔ ɣe alo ɣletiviwo le dziŋgɔli me gɔ̃ hã o. Esia na be míebu mɔkpɔkpɔ keŋkeŋ.
Anɔ abe ŋkeke nanewo nye esi ene, ame aɖeke meɖu naneke o, ke mlɔeba la, Paulo yɔ ʋua me nɔlawo ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be, “Ɖe miese nye gbe, eye míetsi Kreta la, anye ne dzɔgbevɔ̃e sia mava mia dzi o. Ke milé dzi ɖe ƒo elabena togbɔ be tɔdziʋua anyrɔ hã la, mía dometɔ aɖeke mele tsɔtsrɔ̃ ge o. Elabena le zã si va yi me la, nye Mawu si mesubɔna la ɖo eƒe dɔla ɖe gbɔnye wòva gblɔ nam be, ‘Paulo, mègavɔ̃ o, elabena àva ɖo Kaisaro gbɔ dedie be wòadrɔ̃ ʋɔnu wò. Gawu la, Mawu se wò gbedodoɖa, eya ta ame siwo katã le ʋua me kpli wò la atsi agbe’ Eya ta nɔvinyewo, milé dzi ɖe ƒo, elabena mexɔ Mawu dzi se nyuie eye menya be nu si wògblɔ la ava eme tututu. Ke ele na mí be míadze go ɖe ƒukpo aɖe dzi.”
Tɔdziʋu la ƒe gbagbã le míaƒe ƒudzinɔnɔ ƒe ŋkeke wuienelia ƒe zãtitina lɔƒo, esi ahom la ganɔ mía nyamam le Adria ƒu me la, ʋua kulawo bu xaa be yewote ɖe anyigba aɖe ŋu. Ale woda dzidzeka ɖe ƒua me, eye wokpɔ be tso ƒua dzi yi egɔme anɔ abe mita blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃ ko ene. Sẽe la, wogadae eye azɔ la, wokpɔ be anɔ afɔ blaasiekɛ pɛ ko. Ʋua kulawo nya be madidi hafi míava ɖi go o, ke esi wonɔ vɔvɔ̃m be ɖewohĩ míava ɖi go ɖe agakpewo dome ta la, woda seke ene ɖe ʋua me hedo gbe ɖa na agu ƒe dzedze. Ʋua kula aɖewo wɔ ɖoɖo be yewoasi le tɔdziʋu la me ale woɖiɖi tɔdziʋu sue la ɖe tsia dzi abe seke da ge woyina ene. Ke Paulo gblɔ na asrafoawo kple woƒe amegã be, “Mía tɔwo, ne mia dometɔ aɖe dzo le tɔdziʋua me la, matsi agbe o.” Ale asrafoawo lã ka si wosa ɖe tɔdziʋu sue la ŋu be wòge dze tsia dzi.
Le fɔŋli la, Paulo gblɔ na ameawo be, “Mía tɔwo, kɔsiɖa eve sɔŋ enye esi ame aɖeke meɖu naneke o eya ta meɖe kuku na mi, miɖe dzi ɖi ne miaɖu nu, elabena naneke mele dzɔdzɔ ge ɖe mía dometɔ aɖeke dzi o.” Azɔ Paulo ŋutɔ tsɔ abolo aɖe, eye esi wòdo gbe ɖa, da akpe na Mawu ɖe eta vɔ la, eka ɖe heɖu. Nu sia do ŋusẽ ʋua me nɔlawo katã, ale be ame sia ame di nane de nu me azɔ. Ʋua me nɔlawo katã ƒe xexlẽme anɔ ame alafa eve blaadre-vɔ-ade (276). Esi woɖu nu ɖi ƒo vɔ la, wolɔ bli kotoku mamlɛawo katã ƒu gbe ɖe ƒua me be ʋua nanɔ wodzoe ale be wòaganyrɔ o.
Esi ŋu ke la, womekpɔ anyigba dze si o, elabena afu do, gake wokpɔ ƒuta ƒe afi aɖe ɖaa. Esia na be wonɔ ta me bum be ne yewoate ŋui la ne yewoatrɔ ʋu la ayi afi ma. Mlɔeba la, woɖoe be yewoatee akpɔ, ale wolã sekeawo hegblẽ wo ɖe ƒua me, wotu kuɖɔkawo hã, eye wodo abala heɖo ta gota. Ke dzɔgbevɔ̃etɔe la, tɔdziʋu la si ke. Eƒe ŋgɔgbe lɔƒo tsi teƒe ɖeka, ale be ahom la hã nɔ eƒe megbe lɔƒo kakam.
Esi wòdzɔ alea ko la, asrafoawo gblɔ na woƒe amegã be wòaɖe mɔ na yewo yewoawu gamemɔlawo katã, ale be wo dometɔ aɖeke nagadzo dze ƒua me, aƒu tsi asi dzo le yewo gbɔ o. Ke le esi woƒe amegã, Yulio di be yeaɖe Paulo ƒe agbe ta la, melɔ̃ ɖe woƒe susu si wodo ɖa la dzi o. Ke boŋ eɖe gbe be ame siwo nya tsiƒuƒu la nadze agbagba aƒu tsi ayi gota. Ke ame mamlɛawo dometɔ aɖewo nanɔ ʋuƒowo dzi, eye bubuwo hã nanɔ ʋua ƒe kakɛwo dzi ayi gota. Ale ame sia ame dze agbagba alea ɖo gota dedie.
Woxɔ mí nyuie le Mɔlta
Esi míekpɔ ɖeɖe megbe la, míeva nya be ƒukpo si woyɔna be Mɔlta la dzie míeva ɖo. Ƒukpoa dzi tɔwo xɔ mí nyuie ŋutɔ. Esi tsi nɔ dzadzam eye vuvɔ nɔ wɔwɔm ta la, wodo dzo gã aɖe na mí be míaƒu.
Esi Paulo fɔ nake wuwlui aɖewo be yeade dzoa me ko la, da vɔ̃ɖi aɖe do tso nake la me, le dzoxɔxɔ la ta, eye wòbla ɖe Paulo ƒe alɔnu. Nu sia wɔ nuku, eye wòdo vɔvɔ̃ na ame siwo nɔ afi ma ŋutɔ, ale wogblɔ na wo nɔewo be, “Ame sia la, hlɔ̃dola vɔ̃ɖi aɖee wònye; togbɔ be metsi ƒu me ku o hã la, Mawu ƒe hlɔ̃biabia melɔ̃ be wòatsi agbe o.”
Ke Paulo ʋuʋu da la le alɔnu ɖe dzo bibi la me, eye naneke mewɔe o. Ameawo nɔ mɔ kpɔm be Paulo ƒe abɔ ate, eye wòadze anyi aku, ke esi wolala ʋuu nya aɖeke medzɔ ɖe edzi o la, wotrɔ woƒe susuwo hegblɔ be Paulo la, Mawu aɖe koko wòanye.
Paulo ƒe nukunuwɔwɔwo
Ƒukpo sia ƒe Mɔmefia ŋkɔe nye Publio, ame sia ƒe anyigba kple aƒe te ɖe ƒuta, afi si míeva ɖi go ɖo. Publio xɔ mí ɖe eya ŋutɔ ƒe aƒe me, hekpɔ mía dzi nyuie ŋkeke etɔ̃ sɔŋ. Publio fofo ƒe lãme menɔ kɔkɔm tututu o, elabena asrã kple kpetadɔ nɔ fu ɖem nɛ. Paulo yi egbɔ, do gbe ɖa, heda asi ɖe edzi ale be eƒe lãme sẽ. Enumake dɔnɔ siwo katã nɔ teƒea la va Paulo gbɔ, eye wòda gbe le wo katã ŋu. Dzi dzɔ ƒukpoa dzi tɔwo ŋutɔ ale wotsɔ nunana ƒomevi geɖewo vɛ na mí, eye esi ɣeyiɣi de na mí be míadzo la, wodo agba na míaƒe tɔdziʋu la nyuie ŋutɔ kple nu siwo katã ava hiã mí le míaƒe mɔzɔzɔ la me.
Paulo ɖo Roma
Míenɔ Mɔlta ƒukpo la dzi ɣleti etɔ̃ hafi gadze mɔ. Míeɖo tɔdziʋu aɖe si woyɔna be Venɔviwo si tso Aleksandria, eye wòva tsi ƒukpoa dzi le vuvɔŋɔli la me. Teƒe gbãtɔ si míetɔ ɖo lae nye Sirakusa, eye míenɔ afi ma ŋkeke etɔ̃. Tso Sirakusa la, míeƒo xlã nu heyi Regio, eye tso afi ma la, ya aɖe ƒo ɖe mí tso anyigbeme gome, ale be le ŋkeke evea gbe la, míeva ɖo Puteoli, afi si míedo go xɔsetɔ aɖewo le. Xɔsetɔ siawo di tso mía si vevie be míanɔ yewo gbɔ vie, ale míelɔ̃, nɔ wo gbɔ ŋkeke adre. Tso Puteoli la, míeɖo ta Roma.
Esi xɔsetɔ siwo le Roma la se be míegbɔna la, wo dometɔ aɖewo va kpe mí le keke teƒe si woyɔna be Apioforo, eye wòdidi tso Roma gbɔ abe agbadroƒe blaenyi sɔŋ ene. Ame bubuwo hã va kpe mí le afi si woyɔna be, “Amedzrodzeƒe etɔ̃awo.” Teƒe sia hã didi tso Roma gbɔ abe agbadroƒe blaadre ene. Esi Paulo kpɔ xɔsetɔ siawo la, dzi dzɔe ŋutɔ; dzi ɖo eƒo, eye wòda akpe na Mawu.
Esi míeva ɖo Roma la, asrafowo ƒe amegã si ƒe kpɔkplɔ te Paulo nɔ la ɖe mɔ na Paulo be ate ŋu adze afi sia afi si eya ŋutɔ lɔ̃. Ke woɖe asrafo aɖe kpe ɖe eŋu be wòadzɔ eŋu ɣe sia ɣi.
Paulo gblɔ mawunya le Roma abe gamenɔla ene
Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Paulo yɔ Yudatɔ siwo le Roma dua me la ƒo ƒu, eye wòƒo nu na wo gblɔ be, “Nɔvinyewo, edzɔ dzi nam be meva ɖo mia gbɔ afi sia. Medi be mianya be togbɔ be nyemewɔ naneke o, eye nyemeda le kɔnyinyi aɖeke dzi o hã la, Yudatɔ siwo le Yerusalem la lém, eye wotsɔm de asi na Roma dziɖuɖua ƒe ame dɔdɔ siwo le Yerusalem, be woadrɔ̃ ʋɔnum. Esi míeyi ʋɔnua la, Roma dziɖuɖua ƒe ame dɔdɔwo mekpɔ vodada aɖeke le ŋunye o, eya ta wodi be yewoaɖe asi le ŋunye, elabena wokpɔ be nyemedze na ku abe ale si Yudatɔwo ƒe amegãwo dii ene o. Ke esi mekpɔ be Yudatɔwo mekpɔ dzidzɔ le ale si wodrɔ̃ ʋɔnua ŋu o, eye wotsi tsitsre ɖe nyametsotsoa ŋu vevie ta la, nye hã megblɔ na ʋɔnua be metsɔ nye nya de asi na Kaisaro le Roma be wòadrɔ̃ ʋɔnum. Nya sia tae meyɔ mi vɛ, be makpɔ mi, eye maƒo nu kpli mi ɖo; elabena Israel ƒe mɔkpɔkpɔ la ta woblam kple kɔsɔkɔsɔ sia ɖo.”
Ameawo ɖo eŋu na Paulo be, “Míawo la, ame aɖeke megagblɔ wò nya aɖeke na mí kpɔ loo alo ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe mí tso Yudea le ŋuwò kpɔ o. Nɔvi Kristotɔ siwo tso Yerusalem va hã dometɔ aɖeke megblɔ nya aɖeke na mí tso ŋuwò kpɔ o. Ke míadi be nàɖe wò xɔse la me na mí nyuie, elabena nu si míenya koe nye be, ame aɖeke media Kristotɔwo ƒe nya le teƒe aɖeke o.”
Ale woɖo ŋkeke bubu na takpekpe, eye esi ŋkekea ɖo la, ame geɖewo va ƒo ƒu ɖe Paulo ƒe aƒe me. Paulo ɖe mawunya me na wo tsitotsito, le mawufiaɖuƒe la kple Yesu Kristo ŋu, tso Mose ƒe se la kple nyagblɔɖiawo me. Wonɔ takpekpea me tso ŋdi va se ɖe fiẽ ke. Paulo ƒe nyawo sɔ to me na ame aɖewo, eye wotrɔ zu Kristotɔwo; ke ame aɖewo mexɔe se o. Wodzro nyawo me le wo ɖokuiwo me ʋuu hafi kaka dzo. Ke nya si tsi to me na wo, eye wòɖe fu na wo dometɔ geɖewo lae nye esi Paulo gblɔ na wo be, “Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe nya si wògblɔ to Nyagblɔɖila Yesaya dzi la le eme tututu be,
“ ‘Yi dukɔ sia gbɔ, eye nàgblɔ be,
“Miaƒe towo ase nyawo, gake miase wo gɔme o.
Miaƒe ŋkuwo akpɔ nu, gake miele si dze gee o.”
Elabena miaƒe dziwo ku atri,
miaƒe towo sẽ, eye miesea nu o,
eye miemiã miaƒe ŋkuwo.
Ne menye nenema o la, miakpɔ nu, kple miaƒe ŋkuwo,
ase nu kple miaƒe towo,
ase nu gɔme kple miaƒe dziwo,
eye miatrɔ ɖe ŋunye, eye mada dɔ na mi.’
“Eya ta medi be mianya be Mawu ƒe ɖeɖedɔ sia ɖo ame siwo menye Yudatɔwo o gbɔ, eye woaɖo toe.” [ Esi wògblɔ esia la Yudatɔwo dzo, eye nyahehe geɖe ɖo wo dome.]
Taƒonya
Ke Paulo nɔ afi ma ƒe eve sɔŋ le xɔ si ta wòxe fe ɖo la me, eye ame geɖewo va nɔ ekpɔm ɖa le eƒe aƒe me. Enɔ gbeƒã ɖem mawufiaɖuƒe la, nɔ nu fiam le Aƒetɔ Yesu Kristo ŋuti dzideƒotɔe, eye ame aɖeke mexea mɔ nɛ le esiawo katã wɔwɔ me o.