- Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020
Timoteo 2
Paulo ƒe agbalẽ evelia si wòŋlɔ na Timoteo
Timoteo 2
Ti2
Paulo ƒe agbalẽ evelia si wòŋlɔ na
Timoteo
Nye, Paulo, Yesu Kristo ƒe apostolo, ame si Mawu ɖo ɖa be wòaɖe gbeƒã agbe mavɔ si ŋugbe wòdo to Yesu Kristo dzixɔse me na amewo katã la gbɔe agbalẽ sia tso,
Na Timoteo, vinye lɔlɔ̃a.
Mawu, Fofo la kple Yesu Kristo, míaƒe Aƒetɔ nana eƒe amenuveve, nublanuikpɔkpɔ kple ŋutifafa wò.
Paulo de dzi ƒo na Timoteo be wòanye nuteƒewɔla
Timoteo, medaa akpe na Mawu, ame si mesubɔna abe ale si fofonyewo wɔ ene. Meɖea kuku na Mawu zi geɖe le zã kple keli be wòakɔ yayra geɖewo ɖe dziwò, eye nye dzitsinyae nye be madze eŋu le agbe sia me.
Mele didim vevie be magakpɔ wò. Dzi adzɔm ŋutɔ, elabena meɖoa ŋku ale si nèfa avi vevie esime míenɔ kaklãm ɖa tso mía nɔewo gbɔ la dzi.
Menya ale si xɔse alakpamanɔme si le mewò abe dawò Enuike kple mamawò Lois ke ene. Meka ɖe edzi be ègale ŋu ɖom ɖe Aƒetɔ la ŋu kokoko abe tsã ene.
Le esia ta mele ŋku ɖom edzi na wò be nàde dzo Mawu ƒe nunana si ge ɖe mewò to nye asidada ɖe dziwò me la me, elabena Mawu mena vɔvɔ̃gbɔgbɔ mi o, ke boŋ ŋusẽ kple lɔlɔ̃ kple ɖokuidziɖuɖu ƒe gbɔgbɔ wòna mi. Ne àde dzo ŋusẽ si le mewò me la, màvɔ̃ ɣe aɖeke ɣi na gbeƒãɖeɖe Aƒetɔ la na ame bubuwo alo ana woanya be xɔ̃wò menye, togbɔ be mele gaxɔ me le afii le Kristo ta hã o. Ànɔ klalo be yeakpe fu kplim le nyanyui la ta, elabena Mawu ana ŋusẽ wò le fukpekpe me.
Eyae ɖe mí, eye wotia mí na eƒe dɔ kɔkɔe la wɔwɔ, menye be míedze nɛ ta o, ke boŋ elabena eyae nye eƒe ɖoɖo xoxoxo hafi wòwɔ xexea me be yeaɖe yeƒe lɔlɔ̃ kple amenuveve afia mí to Kristo Yesu dzi. Ke azɔ la, ena nu siawo katã me kɔ na mí to mía Ɖela Yesu Kristo ƒe vava me. Kristo Yesu ɖu ku ƒe ŋusẽ dzi, eye wòfia agbe mavɔ la ƒe mɔ mí to nyanyui la me. Eye wòtiam be manye nyanyui sia ƒe gbeƒãɖela, apostolo kple nufiala.
Eya tae mele fu kpem le afi sia le gaxɔ me ɖo. Nu sia menye ŋukpe nam kura o, elabena menya ame si ŋu meɖo ŋu ɖo, eye meka ɖe edzi be ate ŋu adzɔ nu siwo katã metsɔ de asi nɛ la ŋu dedie va se ɖe gbe si gbe wòagava.
Lé nyateƒe si mefia wò la me ɖe asi sesĩe, vevietɔ esi ku ɖe xɔse kple lɔlɔ̃ si Kristo Yesu tsɔ na wò la ŋu. Lé be na ŋutete si Mawu na nèxɔ to Gbɔgbɔ Kɔkɔe si le agbe le mewò dzi la nyuie.
Abe ale si nènya ene la, kristotɔ siwo katã tso Asia va afi sia la gblẽm ɖi. Figelo kple Hermogene gɔ̃ ha gblẽm ɖi. Aƒetɔ la nayra Onesiforo kple eƒe aƒe blibo la, elabena eva kpɔam ɖa, eye wòdea dzi ƒo nam enuenu. Eƒe kpɔkpɔɖa gbɔa agbem abe ya fafɛ nyui ene, eye nye gaxɔmenɔnɔ menye ŋukpe nɛ o. Le nyateƒe me la, esi wòva Roma la, edim vevie le afi sia afi, eye wòke ɖe ŋunye mlɔeba. Aƒetɔ la nana yayra tɔxɛ le Kristo ƒe vavagbe la. Wò ŋutɔ ènya ale si wòkpe ɖe ŋunye le Efeso la nyuie wu ale si mate ŋu agblɔe na wò.
Sẽ ŋu abe Kristo Yesu ƒe asrafo ene
Ke wò, vinye Timoteo, sẽ ŋu le amenuveve si le Kristo Yesu me la me, elabena ele na wò be nàfia nu siwo mi kple ame bubuwo miese tso gbɔnye le ɖaseɖila geɖewo dome. Mifia nyateƒe xɔasi siawo ame nuteƒewɔlawo, eye woawo hã woafia ame bubuwo. Tsɔ wò fukpekpewo kpoo abe Yesu Kristo ƒe asrafo vavã ene, abe ale si mewɔna ene, eye abe Kristo ƒe asrafo ene la, mègatsɔ ɖokuiwò nyrɔ ɖe xexemenuwo me o; ne menye nenema o la, màte ŋu adze ame si xɔ wò ɖe eƒe aʋakɔ me la ŋu o. Lé Aƒetɔ la ƒe sewo me ɖe asi le eƒe dɔwɔwɔ me abe ale si duɖimekela léa seawo me ɖe asi eye wòɖua dzi loo alo wòɖea asi le seawo ŋu, eye meɖua dzi o ene. Ku kutri vevie abe agbledela si xɔa fetu nyui ne exa nuku geɖewo ene. Bu kpɔɖeŋu etɔ̃ siawo ŋu kpɔ. Aƒetɔ la nakpe ɖe ŋuwò be nàse ale si kpɔɖeŋu siawo ku ɖe ŋuwòe la gɔme.
Ɖo ŋku Yesu Kristo, ame si wofɔ tso ku me, eye wòdzɔ tso David ƒe ƒome me la dzi. Esiae nye nye nyanyui la, si ta mele fu kpem ɖo, eye wodem ga me gɔ̃ hã abe hlɔ̃dola ene, gake womede ga Mawu ƒe nya ya o. Eya ta mekpe fu sia fu ɖe ame tiatiawo ta be woawo hã woakpɔ ɖeɖe si le Kristo Yesu me kpe ɖe ŋutikɔkɔe mavɔ ŋu.
Esia nye nyateƒenya be,
“Ne míeku kpakplii la,
míanɔ agbe hã kpakplii;
Ne míekpe fu kplii la,
míaɖu dzi hã kpakplii;
Ne míegbe nu le egbɔ la,
Eya hã agbe nu le mía gbɔ.
Ne míenye nuteƒemawɔlawo o hã la,
eya anɔ anyi nuteƒewɔlae,
elabena mate ŋu agbe nu le eɖokui gbɔ o.”
Dɔwɔla si ŋu Mawu kpɔ ŋudzedze nyui le
Ɖo ŋku nya xɔasi siawo dzi na wò amewo, eye nàgbe na wo le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me be womagahe nya tso nu siwo mele vevie o la ŋu o. Nyahehe siawo tɔgbi tɔtɔa ame. Viɖe aɖeke menɔa wo ŋu o, eye wowɔa nu vevi ame gɔ̃ hã. Wɔ dɔ sesĩe ale be Mawu nate ŋu agblɔ na wò be, “Dɔ nyui wɔla, wòe le dɔ nyui wɔwɔ dzi.” Nye dɔwɔla nyui, ame si ŋu makpe ne Mawu do wò dɔwɔwɔ kpɔ o. Nànya nu si eƒe nyateƒenya la gblɔ kple nu si wòfia. Mègade nu nyahehe dzodzro siwo nana amewo wɔa nu vɔ̃ to dɔmedzoedodo ɖe wo nɔewo ŋu me la me o. Elabena to esia wɔwɔ me la, ame aɖewo gblɔa nya aɖewo, siwo gblẽa nu ɣeyiɣi didi aɖe. Himenaio kple Fileto nye ame siawo tɔgbi le ale si wolɔ̃a nyahehe dzodzrowo la ta. Woɖe asi le nyateƒe la ŋu, eye wokaa aʋatso, ɖea gbeƒã be ame kukuwo ƒe tsitretsitsi la va eme xoxo, eye wona ame siwo xɔ wo dzi se la ƒe xɔse gbɔdzɔ. Ke hã la, Mawu ƒe gɔmeɖokpe sesẽ la le te, eye wode dzesii kple nya siawo be, “Aƒetɔ la nyaa ame siwo nye etɔ vavãwo,” eye, “Ame sia ame si ʋua Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me la, nate ɖa tso ŋutasesẽ gbɔ.”
Menye sikanuwo kple klosalonuwo ɖeɖe koe nɔa aƒe gã me o, ke boŋ atinuwo kple anyinuwo hã nɔa anyi, ɖewo na bubumewo xɔxɔ, eye ɖewo hã na gbe sia gbe ƒe ŋudɔwɔwɔ. Ne ame aɖe kɔ eɖokui ŋuti tso nu vɔ̃ mawo me la, eya ŋu dɔe woawɔ abe nu si ŋu bubu le, nu si le kɔkɔe si nye ŋudɔwɔnu na Aƒetɔ la, eye wòle klalo hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ ene.
Si le nu sia nu si naa nu vɔ̃ ƒe susu si ɖea fu na ɖekakpuiwo enuenu, eye wògena ɖe mewò la nu, ke nàlé fɔ ɖe nu sia nu si nyɔa didi le mewò be nàwɔ nu nyui la ŋu. Xɔse kple lɔlɔ̃ kpakple ŋutifafa nanɔ mewò, eye nàna hadede kple ame siwo yɔa Aƒetɔ la, eye woƒe dzi me kɔ la, nado dzidzɔ na wò. Megale egblɔm na wò be mègade nu nyahehe dzodzro siwo tɔtɔa ame, eye wodoa dɔmedzoe na ame la me o. Mele be Mawu ƒe subɔlawo nanye dzrewɔlawo o, ke boŋ ele be woanye nufiala siwo faa tu, eye wogbɔa dzi ɖi na vodalawo. Bɔbɔ ɖokuiwò ne èle nu fiam ame siwo tɔtɔ le nyateƒe la ŋu, elabena ne ètsɔ ɖokuibɔbɔ kple gbe blewu ƒo nu na wo la, mɔkpɔkpɔ geɖe li bena, to Mawu ƒe amenuveve me la, woatrɔ dzi me, eye woaxɔ nyateƒe la dzi ase. Ekema woadze si nyateƒe la, eye woasi le Abosam ƒe mɔ siwo wotrena be yeana woazu kluviwo na nu vɔ̃ ɣe sia ɣi si yelɔ̃ la nu; ale woate ŋu adze Mawu ƒe lɔlɔ̃nu dzi wɔwɔ gɔme.
Mawumavɔmavɔ̃ le ŋkeke mamlɛawo me
Wò ŋku nenɔ esia dzi be ɣeyiɣi vɔ̃wo ava le ŋkeke mamlɛawo me. Amewo anye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, amedzulawo, ame siwo meɖoa to wo dzilawo o, akpemadalawo, ame makɔmakɔwo, amemalɔ̃lawo, ame siwo metsɔa nu vɔ̃ kena o, ameŋugblẽlawo, ɖokuidzimaɖulawo, ŋutasẽlawo, ame siwo léa fu nu nyui, amegɔmezɔlawo, dzimagbɔɖitɔwo, ɖokuiŋudzelawo, ame siwo lɔ̃a xexemedzidzɔ wu Mawu, ame siwo si gotagome ƒe mawuvɔvɔ̃ le, evɔ wogbe nu le ŋusẽ si ana be woanɔ agbe le Mawu me la gbɔ. Te ɖokuiwò ɖa xaa tso ame siawo gbɔ.
Woawoe nye ame siwo yia ame bubuwo ƒe aƒewo me le adzame, eye wowɔa xɔlɔ̃ kple nyɔnu abunɛtɔ siwo me nu vɔ̃ xɔ aƒe ɖo la, eye wofiaa woƒe xɔse yeye la wo. Nyɔnu siawo tɔgbi dzea nufiala yeyewo yome ɣe sia ɣi, ke womesea nyateƒe la gɔme ɣe aɖeke ɣi o. Nufiala siawo tsia tsitre ɖe nyateƒe la ŋu abe ale si Yane kple Yambre tsi tsitre ɖe Mose ŋu ene. Susu ƒoɖi totro kpaɖikpaɖiwo le wo me, eye wotsi tsitre ɖe Kristo dzixɔse la ŋu. Ke womanɔ edzi alea tegbee o. Gbe ɖeka la, amewo katã ava nya woƒe amebeble abe ale si amewo va nya Yane kple Yambre ƒe nu vɔ̃ ene.
Paulo ka atam na Timoteo
Ke ènya to ŋkuléle ɖe ŋunye me be nyemenye ame siawo tɔgbi o. Ènya nu si dzi mexɔ se, ale si menɔa agbee kple nu si dim mele. Ènya nye Kristo dzixɔse kple nye fukpekpewo. Ènya nu tso ale si melɔ̃ wò kple nye dzidodo ŋu. Ènya fukpekpe geɖe siwo va dzinye le gbeƒãɖeɖe nyanyui la ta. Ènya nu siwo katã wowɔm esi meyi Antioxia, Ikonio kple Listra hã, ke Aƒetɔ la ɖem tso wo me. Ɛ̃, ame siwo ɖo be yewoadze Kristo Yesu ŋu to agbenɔnɔ le mawuvɔvɔ̃ me me la akpe fu le ame siwo lé fui la ƒe asi me. Le nyateƒe me la, ame vɔ̃ɖiwo kple aʋatsonufialawo ƒe vɔɖivɔ̃ɖi anɔ sesẽm ɖe edzi wu, eye woanɔ ame geɖewo blem abe ale si Satana ble woawo ŋutɔ hã ene. Ke ele na wò be nàlé nu siwo wofia wò la dzixɔse me ɖe asi. Ènya be nu siawo nye nyateƒe, elabena ènya be yeate ŋu axɔ mí ame siwo fia nu siawo wò la dzi ase. Ènya ale si, esi nènye ɖevi sue la, wofia Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la wò, nu siawo na nèdze nunya be nàkpɔ Mawu ƒe ɖeɖe to Kristo Yesu dzixɔse me. Mawu tsɔ eƒe nya la na mí to eƒe Gbɔgbɔ si wɔ dɔ le amewo me la dzi, eya ta Biblia nyo hena nufiafia tso nu siwo nye nyateƒe la ŋu kple ale si wòana míadze si nu siwo nye nu vɔ̃ le míaƒe agbenɔnɔ me. Edaa mí ɖe mɔ dzɔdzɔe dzi, eye wòkpena ɖe mía ŋu be míawɔ nu si nyo, eye wòdze. Eyae nye Mawu ƒe mɔ si dzraa mí ɖo nyuie le go sia go me hena nyuiwɔwɔ na ame sia ame.
Eya ta mele gbe tem ɖe edzi na wò le Mawu kple Kristo Yesu, ame si adrɔ̃ ʋɔnu ame gbagbewo kple ame kukuwo gbe ɖeka ne eva do be yeaɖo yeƒe fiaɖuƒe la gɔme anyi la ŋkume be nàɖe gbeƒã Mawu ƒe nya la kple vevidodo nu ɣeawo katã ɣi, ɣe sia ɣi si nàkpɔ mɔnu ko, vovo li o, vovo meli o. Fia mɔ nyuitɔwo, eye nàka mo na wò amewo ne ehiã. Do ŋusẽ wo be woawɔ nu si dze, eye nàtsɔ Mawu ƒe nya anyi wo kple dzigbɔɖi ɣe sia ɣi.
Elabena ɣeyiɣi aɖe gbɔna esime amewo magaɖo to nyateƒe la o, ke boŋ woanɔ tsatsam anɔ nufiala siwo agblɔ nya siwo woawo ŋutɔ adi be yewoase la dim. Womaɖo to nu si nyateƒe la le fiafiam o, ke boŋ woadze woawo ŋutɔ ƒe susu tatrawo yome dzidzɔtɔe.
Nɔ te sesĩe, eye mègavɔ̃ fukpekpe le Aƒetɔ la ta o. Kplɔ ame bubuwo vɛ na Kristo. Mègagbe nu sia nu si hiã be nàwɔ la wɔwɔ o.
Elabena nye la, wole trɔyem ƒo ɖi xoxo abe nunovɔsa ene, eye nye ɣeyiɣi de na dzodzo. Meʋli ʋiʋli nyui la, mewu duɖimekeke la nu, eye melé xɔse la me ɖe asi. Ke azɔ la, wodzra dzɔdzɔenyenye ƒe fiakuku ɖo ɖi nam, esi Aƒetɔ, Ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe la, anam le ŋkeke ma dzi, eye menye nye ɖeka koe wòana o, ke boŋ ame siwo katã le mɔ kpɔm vevie na eƒe vava.
Paulo ƒe dɔdeasi mamlɛtɔwo na Timoteo
Do vevi be nàva gbɔnye kaba, elabena Dema gblẽm ɖi hedzo yi Tesalonika, elabena elɔ̃ xexe sia me. Kresken hã dzo yi Galatia. Nenema ke Tito hã dzo yi Dalmatia. Luka koe li kplim. Di Marko, eye nàkplɔe ɖe asi vɛ, elabena ekpena ɖe ŋunye le nye subɔsubɔdɔwɔwɔ me. Medɔ Tikiko hã ɖe Efeso. Ne ègbɔna la, tsɔ awu ʋlaya si megblẽ ɖe Karpo gbɔ le Troa la vɛ nam. Nenema kee nye agbalẽawo hã, vevietɔ lãgbalẽtɔwo.
Aleksandro, akɔblinutula la wɔ nu vevi geɖem. Aƒetɔ la ahe to nɛ. Ke kpɔ nyuie le eŋu, elabena etsi tsitre ɖe nu sia nu si míegblɔ la ŋu.
Zi gbãtɔ si wohem yi ʋɔnudrɔ̃la ŋkume la, ame aɖeke menɔ afi sia akpe ɖe ŋunye o, ame sia ame si dzo. Mele mɔ kpɔm be womabu fɔ wo ɖe nu sia ta o. Ke Aƒetɔ la nɔ ŋunye, eye wòna mɔkpɔkpɔm be magblɔ mawunya dzideƒotɔe na xexea me katã. Ekpe ɖe ŋunye hã be wometsɔm na dzatawo o. Ɛ̃, Aƒetɔ la aɖem ɣe sia ɣi tso vɔ̃wo katã me, eye wòakplɔm ayi eƒe dziƒofiaɖuƒe la me. Ŋutikɔkɔe woana Mawu tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen.
Gbedonamewo kple kaklãnyawo
Do gbe na Priskila kple Akwila kple ame siwo le Onesiforo ƒe aƒe me la nam.
Erasto le Korinto, eye megblẽ Trofimo, ame si dze dɔ la ɖe Mileto.
Dze agbagba nàva ɖo afi sia hafi vuvɔŋɔli naɖo.
Eubulo, Pude, Lino, Klaudia kple nɔvi bubuawo katã do gbe na wò.
Aƒetɔ la nanɔ anyi kple wò gbɔgbɔ. Mawu ƒe amenuveve nanɔ anyi kpli mi katã.