- Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020
Samuel 2
Samuel ƒe agbalẽ evelia
Samuel 2
Sa2
Samuel
ƒe agbalẽ evelia
David se Saul ƒe ku
Le Saul ƒe ku megbe la. David trɔ va Ziklag le esime wòɖu Amalekitɔwo dzi vɔ megbe eye wònɔ afi ma ŋkeke eve. Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, ame aɖe tso Saul ƒe asaɖa me eƒe awuwo vuvu eye ke nɔ tame nɛ. Ede ta agu eye wòbɔbɔ ɖe David ŋkume kple bubu.
David biae be, “Afi ka nètso?”
Eɖo eŋu be, “Mesi tso Israel ƒe asaɖa me.”
David yi edzi be, “Nya kae dzɔ? Gblɔe nam.”
Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Aʋa si ameawo eye wo dometɔ geɖewo ku. Saul kple via Yonatan hã ku.”
Tete David bia ɖekakpui si tsɔ du la vɛ nɛ la be: “Aleke nèwɔ nya be Saul kple via Yonatan ku?”
Ɖekakpui la ɖo eŋu be, “Menɔ Gilboa to la dzi eye mekpɔ Saul wòtɔ eɖokui ɖe eƒe akplɔ nu le esime futɔwo ƒe tasiaɖamwo nɔ to ɖem ɖee. Esime wònye kɔ la, ekpɔm yɔm eye mebiae be, ‘Nu ka mawɔ na wò?’
“Ebiam be, ‘Ame ka nènye?’
“Meɖo eŋu be ‘Amalekitɔe menye.’
“Tete wògblɔ nam be, ‘Va, tsi tsitre ɖe gbɔnye eye nàwum! Meɖo kudo nu gake agbe gale menye ko.’
“Ale mete ɖe eŋu hewui elabena menyae be ale si wòdze anyii la, maganɔ agbe o. Meɖe fiakuku la le ta nɛ kple abɔga si wòdo eye metsɔ wo va afii na nye aƒetɔ.”
David kple eƒe amewo dze woƒe awuwo esi wose nya sia. Wofa konyi, fa avi eye wotsi nu dɔ va se ɖe fiẽ ɖe Saul kple via Yonatan kple Yehowa ƒe aʋakɔ kple Israel ƒe aƒe la ta elabena wotsi yi nu.
David bia ɖekakpui si gblɔ nya la nɛ be, “Afi ka nètso?”
Ɖekakpui la ɖo eŋu be, “Amalekitɔ aɖe si nye amedzro la ƒe viŋutsue menye.”
David biae be, “Nu ka ŋuti mèvɔ̃ o eye nèdo wò asi ɖa wu Yehowa ƒe amesiamina la?” Enumake David yɔ eƒe amewo dometɔ ɖeka eye wògblɔ nɛ be, “Yi, nàƒu nui ƒu anyi!” Ale wòyi ɖaƒu nui ƒu anyi eye wòku.
Elabena David gblɔ nɛ be, “Wò ʋu ava wò ŋutɔ wò ta dzi. Wò ŋutɔ wò nue ɖu ɖasefo ɖe ŋuwò esi negblɔ be, ‘Mewu Yehowa ƒe amesiamina la.’ ”
David fa Saul kple Yonatan
David kpa konyifaha sia tso Saul kple via Yonatan ŋu eye wòde se na Yuda ŋutsuwo be woafia aŋutrɔ ƒe konyifaha sia abe ale si woŋlɔe ɖe Yasar ƒe agbalẽ me ene.
“Oo, Israel, wò ŋutikɔkɔe
Nye ekema wowu ɖe wò towo dzi.
Aleke kalẽtɔwo tsi aʋa ale!
“Migagblɔe le Gat o;
migaɖe gbeƒãe le Askelon ƒe ablɔwo dzi o.
Ne menye nenema o la, Filistitɔwo ƒe vinyɔnuwo
akpɔ dzidzɔ eye bolotɔwo ƒe vinyɔnuwo atso aseye.
“Oo, mi Gilboa towo,
zãmu alo tsi magadza ɖe mia dzi o,
eye miaƒe anyigbawo magawɔ nuku o.
Elabena afi ma, wodo gu kalẽtɔ ƒe akpoxɔnu le,
Saul ƒe akpoxɔnu le abe ɖe womegasi ami ɖe eŋu o ene.
“Yonatan ƒe aŋutrɔ metrɔ gbɔ ƒuƒlu
eye Saul ƒe yi metrɔ gbɔ numagblemagblẽ
tso aʋatsilawo ƒe ʋu me
kple kalẽtɔwo ƒe ŋutilã ŋu o,
Saul kple Yonatan,
le agbe me la, wolɔ̃ wo eye wovea ame nu.
Le ku me hã wo me mema o.
Woɖi du wu hɔ̃wo, eye wosẽ wu dzatawo.
“O Israel vinyɔnuwo,
mifa avi na Saul
ame si ta aɖabɛvɔ na mi eye wòtsɔ nu nyuiwo na mi
ame si ɖo atsyɔ̃ na miaƒe awuwo kple sikanuwo.
“Aleke kalẽtɔwo tsi aʋa ale!
Eye wowu Yonatan le wò toawo dzi.
Nɔvinye Yonatan, tɔwò le veyem
elabena èxɔ asi nam vevie ŋutɔ.
Wò lɔlɔ̃ nam de to ŋutɔ
ede to wu nyɔnuwo ƒe lɔlɔ̃ gɔ̃ hã.
“Aleke kalẽtɔwo tsi aʋa ale!
Eye woƒe aʋawɔnuwo katã hã tsrɔ̃ ale!”
Wosi ami na David abe Yuda fia ene
Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, David bia Yehowa be, “Mayi Yuda duawo dometɔ ɖeka mea?”
Yehowa ɖo eŋu be, “Ɛ̃, yi.”
David gabiae be, “Du ka mee mayi?”
Yehowa ɖo eŋu be, “Yi Hebron.”
Ale David kplɔ srɔ̃awo, Ahinoam tso Yezreel kple Abigail, Nabal ƒe ahosi tso Karmel, eƒe amewo kple wo srɔ̃wo kple wo viwo katã eye woyi Hebron. Yuda ƒe kplɔlawo va ɖo David fiae ɖe Yuda ƒe dukɔ ƒoƒuwo nu.
Esi David se be Yabes Gileadtɔwo ɖi Saul la, eɖo du ɖe wo be, “Yehowa nayra mi le ale si miewɔ nuteƒe na miaƒe aƒetɔ eye mieɖii kple bubu la ta. Yehowa nave mia nu eye wòatsɔ eƒe lɔlɔ̃ ƒe ɖeɖefia kple nyateƒe aɖo eteƒe na mi. Nye hã mave mia nu le nu si miewɔ la ta. Azɔ la, mele biabiam tso mia si be esi Saul ku la, mianye nye ame sesẽwo, eye miawɔ nuteƒe nam. Minɔ abe Yuda ƒe viwo, ame siwo tsɔm ɖo woƒe Fia yeye ene.”
Aʋa dzɔ ɖe David kple Saul ƒe amewo dome
Ke Abner, Saul ƒe aʋafia do ŋgɔ yi Mahanaim be yeatsɔ Saul ƒe viŋutsu Is Boset aɖo fiae, be wòaɖu fia ɖe Gilead, Asuri, Yezreel, Efraim, Benyamin kple Israel ƒe akpa bubuawo keŋ dzi.
Exɔ ƒe blaene hafi woɖoe fiae eye wòɖu Israel dzi ƒe eve. Ke Yuda ƒe viwo nɔ David yome eye wòɖu fia le Hebron ɖe Yuda dzi ƒe adre kple afã.
Gbe ɖeka la, Aʋafia Abner kplɔ Is Boset ƒe aʋawɔlawo tso Mahanaim yi Gibeon, eye Aʋafia Yoab, Zeruya ƒe vi, hã kplɔ David ƒe aʋakɔ be woado go wo. Wodo go le Gibeon ta la to eye wonɔ ta la ƒe akpa eveawo dzi, dze ŋgɔ wo nɔewo.
Abner gblɔ na Yoab be, “Mina míaƒe ɖekakpuiawo nawɔ fefe kple woƒe yiwo míakpɔ!”
Yoab lɔ̃ hegblɔ bena, “Enyo, na ne woawɔe.”
Ale aʋakɔ eveawo dometɔ ɖe sia ɖe tia ɖekakpui wuieve na Benyamin kple Saul vi Is Boset eye wuieve bubu na David. Ame sia ame lé nɔvia ƒe ɖa eye wòtɔ yi axadame na nɔvia. Ale wo katã ku. Woyɔa teƒe ma le Gibeon va se ɖe egbe be “Yi ƒe gbedzi.”
Aʋakɔ eveawo de asi aʋawɔwɔ me azɔ eye hafi zã nado la, Yoab kple David ƒe amewo ɖu Abner kple eƒe amewo tso Israel dzi.
Yoab nɔviŋutsuwo, Abisai kple Asahel hã nɔ aʋawɔlawo dome. Asahel ƒua du abe zi ene eye eya ɖeka kplɔ Abner ɖo. Medze ɖe ɖusi alo mia me le Abner yome o. Esi Abner nye kɔ kpɔ megbe eye wòkpɔ Asahel wògbɔna la, ebiae be, “Wòe nye ema, Asahel?”
Asahel ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyee!”
Abner gblɔ nɛ be, “Ti ame bubu yome!” Ke Asahel gbe eye wòyi eyometiti dzi.
Abner gado ɣli gblɔ nɛ be, “Dzo le afi sia. Ne mewu wò la, nyemate ŋu anɔ te ɖe nɔviwò Yoab nu o.”
Ke egbe, megbugbɔ o. Ale Abner ƒo akplɔ ɖe dɔ me nɛ eye akplɔ la ŋɔe do ɖe eƒe dzime. Edze anyi, heku eye ame sia ame si va ɖo afi si wòmlɔ la tɔna ɖe afi ma.
Azɔ la, Yoab kple Abisai ti Abner yome. Ɣe la nɔ to ɖom esi wova ɖo Ama togbɛ la gbɔ le Gia lɔƒo le mɔ si yi Gibeon gbegbe la dzi. Abner ƒe aʋawɔlawo tso Benyamin ƒe to la me ƒu asaɖa anyi ɖe to la tame.
Abner do ɣli gblɔ na Yoab be, “Ɖe míatsɔ míaƒe yiwo anɔ mía nɔewo wuwu dzi ɖaa? Ɣe ka ɣie nàna wò amewo nagbugbɔ le wo nɔviwo yome?”
Yoab ɖo eŋu be, “Metsɔ Mawu ka atam be, ne menye ɖe nèƒo nu o gɔ̃ hã la, anye ne mí katã míatrɔ adzo, ayi aƒe me etsɔ ŋdi.”
Tete Yoab ku kpẽ eye eƒe amewo dzudzɔ Israel ƒe aʋakɔ la yometiti.
Gbe ma gbe fiẽ la, Abner kple eƒe amewo gbugbɔ to Araba. Woyi Yɔdan ƒe balime, tso tɔsisi la eye wozɔ mɔ le zã va se ɖe ŋufɔke ŋdi hafi woɖo Mahanaim.
Yoab trɔ le Abner yome eye ekple eƒe amewo hã trɔ yi aƒe. Esi wòxlẽ eƒe amewo kpɔ la, ede dzesii be ame wuiasiekɛ koe tsi aʋa hekpe ɖe Asahel ŋu. Ke Abner ƒe ame alafa etɔ̃ blaade (360), ame siwo tso Benyamin ƒe to la me la ku. Yoab kple eƒe amewo kɔ Asahel ƒe kukua yi Betlehem eye woɖii ɖe fofoa xa. Le esia megbe la, wozɔ mɔ to zã blibo la me eye woɖo Hebron le ŋdi.
David ƒe viwo
Aʋawɔwɔ didi aɖe nɔ edzi yim le Saul ƒe aƒe kple David aƒe dome. David ƒe aƒe la nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe edzi le esime Saul ƒe aƒe ya nɔ gbɔdzɔgbɔdzɔm ɖe edzi.
Wodzi ŋutsuviwo na David esi wònɔ Hebron.
Via ŋutsu tsitsitɔe nye Amnon, ame si dadae nye Ahinoam tso Yezreel.
Via ŋutsu eveliae nye Kileab, ame si Abigail, Nabal, Karmeltɔ la ƒe ahosi dzi nɛ.
Via ŋutsu etɔ̃liae nye Absalom, ame si Maaka, Gesur Fia, Talmai ƒe vinyɔnu dzi nɛ.
Eneliae nye Adoniya, ame si Hagit dzi nɛ.
Via atɔ̃liae nye Sefatia eye dadae nye Abital
Adeliae nye Itream eye dadae nye Egla.
Wodzi ŋutsu ade siawo na Fia David le Hebron.
Abner ʋu yi David gbɔ
Esi aʋa la nɔ edzi yim la, Abner va kpɔ ŋusẽ gã aɖe le Saul yomedzelawo dome. Ewɔ nɔƒe si wòkpɔ la ŋu dɔ eye wòdɔ Saul ƒe ahiãvi aɖe si woyɔna be Rizpa, si dadaa nye Aya gbɔ. Ke esi Is Boset bia gbe Abner le nuwɔna sia ŋu la, Abner do dɔmedzoe le Is Boset ƒe nyawo ta hegblɔ bena, “Avue menye le Yuda be woanɔ ƒoyem tso afii yi afimɛa? Menyo na wò kple fofowò vɔ be nyemetsɔ mi de asi na David o. Nye fetue nye miakpɔ vodada le nye kple nyɔnu aɖe ŋua? Mawu nafia fu Abner vevie ne nyemewɔ nu si Yehowa do ŋugbe, eye wòka atam ɖe edzi be mawɔ na David o, ne nyemexɔ fiaɖuƒe la tso Saul ƒe aƒe me eye ne nyemeɖo David ƒe fiazikpui la gɔme anyi ɖe Israel kple Yuda dzi, tso Dan va se ɖe Beerseba o.” Is Boset meɖo eŋu o elabena enɔ vɔvɔ̃m na Abner.
Abner dɔ amewo ɖe David gbɔ be woagblɔ nɛ be yeaɖe asi le Israel ƒe fiaɖuƒe ŋu nɛ ale be wòawɔ ye yeazu aʋafia gã anɔ Israelʋakɔ la kple Yudaʋakɔ la ƒe ƒuƒoƒo nu.
David ɖo eŋu be, “Enyo, melɔ̃ gake nyemawɔ nubabla aɖeke kpli wò o va se ɖe esime nàkplɔ srɔ̃nye Mixal, ame si nye Saul vinyɔnu la vɛ nam.” Ale David ɖo du ɖe Is Boset be, “Gbugbɔ srɔ̃nye Mixal nam elabena Filistitɔ alafa ɖeka ƒe agbe metsɔ na ɖe eta.”
Ale Is Boset xɔ Mikal le srɔ̃a Paltiel si nye Lais vi la si. Paltiel dze srɔ̃a yome nɔ avi fam va se ɖe keke Bahurim, hafi Abner na wòtrɔ yi aƒe.
Abner wɔ takpekpe kple Israel ƒe kplɔlawo eye wòɖo ŋku edzi na wo be, “Miedi be David nanye miaƒe fia ɣeyiɣi didi aɖee nye esi.” Egblɔ na wo be, “Azã la su azɔ elabena Yehowa do ŋugbe na David be, ‘Nye dɔla, David dzie mato aɖe nye dukɔ, Israel tso Filistitɔwo kple woƒe futɔ bubuawo ƒe asi me!’ ”
Abner ƒo nu kple Benyamin ƒe viwo ƒe kplɔlawo hã. Emegbe la, eyi Hebron eye wògblɔ ale si wòwɔ nya la ŋu dɔ kple Israelviwo kple Benyamin ƒe viwo la na David.
Esi Abner kplɔ ame blaeve ɖe asi va David gbɔ le Hebron la, David xɔ wo nyuie eye wòɖo kplɔ̃ na wo.
Esi Abner nɔ dzodzom la, edo ŋugbe na David be, “Ne meɖo aƒe la, mayɔ Israelviwo katã aƒo ƒu na nye aƒetɔ fia la, eye mana woatia wò woƒe fiae abe ale si nèdi xoxoxo ene.” Ale David na Abner trɔ dzo dedie.
Yoab wu Abner
Esi Abner trɔ dzo teti ko la, Yoab kple David ƒe aʋawɔla aɖewo gbɔ tso nuwo haƒe eye wotsɔ afunyinuwo gbɔe. Esi wògblɔ na Yoab be Abner, Ner vi, va kpɔ Fia la ɖa eye wòtrɔ dzo dedie le ŋutifafa me eteƒe medidi o la, Yoab yi Fia la gbɔ eye wògblɔ be, “Nu kae nye esi nèwɔ? Kpɔ ɖa, Abner va gbɔwò. Nu ka ta nèɖe asi le eŋu? Fifia edzo! Ènya Abner, Ner ƒe vi, nyuie; ɖe wòva be yeable wò, yealé ŋku ɖe wò afɔɖeɖewo ŋu eye yeanya nu sia nu si wɔm nèle.”
Yoab dɔ amewo ɖa be woana Abner natrɔ agbɔ. Ame dɔdɔawo tu Abner le Sira ƒe vudo la gbɔ eye wòtrɔ gbɔ kpli wo. Ke David menya naneke tso nu sia ŋu o. Esi Abner va ɖo Hebron la, Yoab ɖe kpɔe le dua ƒe agbonu abe nya ɣaɣla aɖee wòbe yeagblɔ nɛ ene, ke eɖe adekpui eye wòwui abe hlɔ̃biabiae ɖe nɔvia Asahel, ame si Abner wu la ta ene.
Emegbe, esi David se nu tso nu sia ŋu la, egblɔ be “Nye kple nye fiaɖuƒe la, míeɖi fɔ le Ner ƒe vi, Abner ƒe ʋu ŋuti le Yehowa ŋkume o yi ɖe mavɔ me. Eƒe ʋu nava Yoab kple fofoa ƒe aƒe la katã ƒe ta dzi. Na be ame si ŋu abi makumaku alo kpodɔ le alo nuwɔamitɔ alo ame si tsi yinu loo alo dɔwuitɔ magbe Yoab ƒe aƒemenɔnɔ gbeɖe o.”
Yoab kple nɔvia Abisai wowu Abner elabena ewu wo nɔviŋutsu Asahel le aʋa le Gibeon.
David gblɔ na Yoab kple ame siwo katã le eŋu la be, “Midze miaƒe awuwo, mita akpanya eye mifa na Abner.” Fia David ŋutɔ dze amekukuɖaka la yome yi ameɖiƒe. Woɖi Abner ɖe Hebron eye fia la fa avi hehehe le Abner ƒe yɔdo to, nenema kee nye ameawo katã hã.
Fia David dzi konyifaha sia na Abner be,
“Ɖe Abner aku abe yakame enea?
Womebla wò asiwo hafi o.
Womede ga wò afɔwo hafi o.
Èku abe ale si wokuna
le ŋutasẽlawo ƒe asi me ene.”
Eye ameawo katã gafa avi nɛ.
Ale wo katã wova eye woƒoe ɖe David nu be wòaɖu nane esi zã medo haɖe o. Ke David ka atam be, “Mawu nafiam, agafiam ɖe edzi ne made abolo alo nu bubu aɖe nu me hafi ɣe naɖo to!”
Ameawo katã de dzesi nya sia eye wokpɔ ŋudzedze le eŋu; le nyateƒe me la, nu sia nu si fia la wɔ la dze wo ŋu. Ale dukɔ blibo la, Yuda kple Israel siaa nya to David ƒe nuwɔnawo me be eƒe asi menɔ Abner ƒe ku la me o.
David gblɔ na eƒe amewo be, “Kplɔla gã aɖe kple amegã aɖe ku egbe le Israel eye togbɔ be menye Mawu ƒe amesiamina hã la, nyemate ŋu awɔ naneke kple Zeruya ƒe vi eve siawo o. Yehowa naɖo vɔ̃ɖivɔ̃ɖi teƒe na ame vɔ̃ɖiwo.”
Wowu Is Boset
Esi Saul ƒe viŋutsu, Is Boset, se be Abner ku le Hebron la, dzi ɖe le eƒo eye dzidzi ƒo Israel blibo la. Azɔ la, ŋutsu eve nɔ Saul ƒe viŋutsu si eye wonye adzohawo nunɔlawo. Ɖeka ŋkɔe nye Baana eye evelia ŋkɔe nye Rekab. Wonye Rimon, Beerot tɔ, ame si tso Banyamin to la me la ƒe viwo. Wobua Beerot abe Benyamin ƒe akpa aɖe ene elabena ame siwo tso Beerot la si yi Gitaim eye wonɔ afi ma abe amedzrowo ene va se ɖe egbe.
Fia Saul ƒe tɔgbuiyɔvi aɖe si nye ŋutsuvi tekunɔ aɖe la li; fofoae nye Yonatan eye eŋkɔe nye Mefiboset. Exɔ ƒe atɔ̃ esime wowu Saul kple Yonatan le aʋa me le Yezreel. Esi wose aʋa la me nyawo la, nyɔnu si nɔ ɖevi la dzi kpɔm la si kple ɖevi la yina. Ke ɖevi la ge dze anyi eye to esia me la ɖevia zu tekunɔ.
Rekab kple Baana, Rimon kple Beerot ƒe viwo yi Fia Is Boset ƒe aƒe me gbe ɖeka ŋdɔ esi Is Boset nɔ ŋdɔlɔ̃ dɔm. Woge ɖe aƒea me abe lu tsɔ ge woyi le titinaxɔ me ene; wotɔ hɛ dɔme nɛ eye wosi dzo.
Woyi aƒea me esime wòmlɔ anyi ɖe eƒe xɔ gã me. Esime wowui la, wotso ta le enu. Wokɔ eƒe ta ɖe asi eye wozɔ mɔ zã blibo la heto tagbamɔ. Wotsɔ Is Boset ƒe ta na Fia David hegblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, esiae nye Saul, wò futɔ, ame si di vevie be yeawu wò la ƒe vi Is Boset ƒe ta. Egbe la Yehowa bia hlɔ̃ Saul kple eƒe ƒome blibo la na wò!”
Ke David ɖo eŋu be, “Metsɔ Yehowa, ame si ɖem tso nye futɔwo ƒe asi me la ka atam be esi ame aɖe gblɔ nam be Saul ku eye yee wui kple susu be dzidzɔnya aɖe gblɔm yele nam la, mewui le Ziklag. Nenemae mexe fe nɛ ɖe eƒe dzidzɔnya la tae nye esi! Ekema nu ka ta nyemabia hlɔ̃ ame vɔ̃ɖi siwo wu ame nyui la le eya ŋutɔ ƒe aƒe me le eƒe aba dzi o mahã? Ele be mabia eƒe ʋu tso miaƒe asi me eye matsrɔ̃ mi ɖa le anyigba dzi.”
Ale David ɖe gbe na eƒe ɖekakpuiwo eye wowu wo, wolã woƒe asiwo kple afɔwo eye wotsi woƒe kukuawo ɖe Hebron ta la to. Woɖi Is Boset ƒe ta ɖe Abner ƒe yɔdo me le Hebron.
David zu fia na Israel blibo la
Emegbe la, amewo tso Israel ƒe toawo dometɔ ɖe sia ɖe me va David gbɔ le Hebron hegblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, míenye wò ŋutilã kple ʋu. Tsã esi Saul nye fia le mia nu hã la, wòe nye ame si kplɔ Israel le eƒe aʋawɔwɔ katã me eye Yehowa gblɔ na wò be wòe akplɔ nye eƒe dukɔ, Israel eye wòe ava nye woƒe fia.”
Esi Israel ƒe dumegãwo va kpe ta le Fia David gbɔ le Hebron la, ebla nu kpli wo le Yehowa ƒe ŋkume eye wosi ami na David heɖoe fiae ɖe Israel dzi.
David xɔ ƒe blaetɔ̃ esi wòzu fia. Eɖu fia ƒe blaene. Le Hebron la, eɖu fia ɖe Yuda dzi ƒe adre kple ɣleti ade eye le Yerusalem la, eɖu fia ɖe Israel kple Yuda dzi ƒe blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃.
David xɔ Yerusalem
Azɔ la, David kplɔ eƒe aʋawɔlawo yi Yerusalem be woawɔ aʋa kple Yebusitɔwo, ame siwo nɔ Yerusalem. Ke Yebusitɔwo gblɔ na David be, “Màte ŋu axɔ afi sia o, ŋkuagbãtɔwo kple xɔdrɔ̃wo gɔ̃ hã axe mɔ na wò!” Wogblɔ alea elabena wobu be yewonɔ dedie. Ke David kple eƒe amewo ɖu wo dzi eye woxɔ Zion mɔ sesẽ la si woyɔna azɔ be, “David Ƒe Du.”
David gblɔ gbe ma gbe be, “Ele be ame sia ame si aɖu Yebusitɔwo dzi la, nato tɔtsoƒe aɖo ‘xɔdrɔ̃ kple ŋkugbãtɔ mawo’ ame siwo nye David ƒe futɔwo la gbɔ.” Eya ta wogblɔna be, “ ‘Ŋkuagbãtɔwo kple xɔdrɔ̃wo’ mage ɖe fiasã la me o.”
Ale David va nɔ mɔ la me hena ŋkɔe be, “David Ƒe Du.” Ekeke dua ɖe edzi tso Milo xoxoa ɖo ta du si li fifia la titina. Ale David ƒe ŋkɔ kple ŋusẽ de dzi elabena Yehowa, Mawu ŋusẽkatãtɔ la nɔ kplii.
Azɔ la, Hiram, Tiro fia dɔ dɔlawo ɖo ɖe David. Etsɔ sedatiwo, gliɖolawo kple atikpalawo kpe ɖe wo ŋuti eye wotu fiasã na David. Azɔ la, David nya nu si ta Yehowa ɖoe fiae eye wòna eƒe fiaɖuƒe la keke ta, eyae nye be Yehowa di be yeakɔ eƒe amenuveve ɖe Israel, eƒe dukɔ tiatia la dzi.
Esi David ʋu yi Hebron la, egaɖe srɔ̃ bubuwo, egaɖo ahiãvi yeyewo eye wòdzi viŋutsu kple vinyɔnu geɖewo. Vi siwo wodzi na Fia David le Yerusalem la ƒe ŋkɔwoe nye: Samua, Sobab, Natan, Solomo Ibhar, Elisua, Nefeg, Yafia, Elisama, Eliada kple Elifelet.
David ɖu Filistitɔwo dzi
Esi Filistitɔwo se be David zu Israel fia yeyea la, woƒo ƒu aʋakɔ aɖe nu be yewoayi aɖalée. Ke David se be Filistitɔwo gbɔna eya ta wòsi yi mɔ sesẽ la me. Filistitɔwo va do eye wokaka ɖe Refaim balime.
David bia Yehowa be, “Mayi aɖawɔ aʋa kpli woa? Ɖe nàtsɔ wo ade asi nama?”
Yehowa ɖo eŋu be, “Ɛ̃, yi, matsɔ wo ade asi na wò.”
Ale David yi ɖawɔ aʋa kpli wo le Baal Perazim eye wòɖu wo dzi. Egblɔ be, “Yehowae ɖu wo dzi; eƒu du to nye futɔwo dome abe ale si tɔsisi gba goe ene.” Ale wona ŋkɔ teƒe la be Baal Perazim si gɔmee nye “Aƒetɔ si gba go.” Filistitɔwo gblẽ woƒe legbawo ɖe anyi eye David kple eƒe amewo fɔ wo. Ke Filistitɔwo trɔ va eye wogakaka ɖe Refaim balime.
Esi David bia Yehowa be nu ka yeawɔ hã la, eɖo eŋu be, “Mègakpe aʋa kpli wo ŋkume kple ŋkume o, ke boŋ to wo megbe eye nàdo ɖe balsamtiawo gbɔ. Ne èse gbeɖiɖi aɖe le atiawo tame abe asrafowoe le azɔli zɔm ene la, ekema nàdze wo dzi. Esiae anye dzesi na wò be Yehowa dze ŋgɔ na wò be nàtsrɔ̃ Filistitɔwo ƒe aʋakɔwo.”
Ale David wɔ nu si Yehowa ɖo nɛ eye wòsi Filistitɔwo tso keke Gibeon va se ɖe Gezer.
David kɔ nubablaɖaka la va Yerusalem
David gaƒo ƒu ame tiatia akpe blaetɔ̃ tso Israel dukɔ blibo la me. David kple eƒe ameawo katã dze mɔ tso Baala Yuda be woaɖakɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la tso afi ma vɛ. Woyɔa Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, ame si le Kerubi siwo le nubablaɖaka la dzi la ƒe ŋkɔ ɖe eŋu. Wokɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la da ɖe tasiaɖam yeye aɖe dzi eye wokɔe tso Abinadab ƒe aƒe si le toa ŋu la me. Ame siwo tutu tasiaɖam la woe nye Abinadab ƒe viŋutsuwo, Uza kple Ahio. Ahio nɔ zɔzɔm le ŋgɔ, David kple Israel ƒe aƒe blibo la katã nɔ dzidzɔ kpɔm, nɔ ɣe ɖum kple woƒe ŋusẽ katã le Yehowa ŋkume. Wonɔ ha dzim ɖe saŋkuwo, kasaŋkuwo, gaviwo kple gakogoewo ŋu.
Esi woɖo Nakon ƒe lugbɔƒe la, Uza do asi ɖa lé Mawu ƒe nubablaɖaka la elabena nyiawo ƒe afɔwo kli nu. Yehowa do dɔmedzoe ɖe Uza ŋu heƒoe ƒu anyi wòku enumake ɖe mabumabu nu si wòwɔ la ta, ale wòku le Mawu ƒe nubablaɖaka la xa.
David do dɔmedzoe ɖe Yehowa ŋu le nu si wòwɔ Uza la ta eye wòna ŋkɔ teƒe ma be “Perez Uza” si gɔmee nye, “Afi si wodo dɔmedzoe ɖe Uza ŋu le.” Ŋkɔ sia tsi teƒe la ŋu va se ɖe egbe.
David vɔ̃ Mawu eye wòbia be “Aleke Yehowa ƒe nubablaɖaka la ava aƒee?” Nu sia na David ɖo ta me be yemakɔe ayi eɖokui gbɔ le David ƒe Du la me o, eya ta ekɔe yi ɖada ɖe Obed Edom, ame si tso Git la ƒe aƒe me. Yehowa ƒe nubablaɖaka la nɔ afi ma ɣleti etɔ̃ eye Yehowa yra Obed Edom kple eƒe aƒemetɔwo katã.
Esi Fia David se nya sia be, “Yehowa yra Obed Edom ƒe aƒe kple nu siwo katã le esi le Mawu ƒe nubablaɖaka la ta” la, David yi ɖakɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la kple aseyetsotso. Ne ame siwo kɔ nubablaɖaka la ɖe afɔ zi ade la, wotɔna, lalana eye David tsɔa nyitsu ɖeka kple alẽvi dami ɖeka saa vɔe. David ɖu ɣe kple eƒe ŋusẽ katã le Yehowa ŋkume le esime wòdo awu ʋlaya si wotɔ kple aklala biɖibiɖi. Ale Israel kɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la va aƒee kple aseyetsotso kple kpẽkuku geɖe.
Esi Yehowa ƒe nubablaɖaka la va ɖo David ƒe du la me la, Mixal, Saul ƒe vinyɔnu kpɔ Fia David to fesre to wònɔ kpo tim, nɔ ɣe ɖum le Yehowa ŋkume eye Mixal ɖu fewu le David ŋu le eƒe dzime.
Wokɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la da ɖe agbadɔ si David tu nɛ me eye David sa numevɔ kple akpedavɔ na Yehowa. Esi David sa numevɔ kple akpedavɔ vɔ la, eyra ameawo le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me eye wòtsɔ abolo ɖeka, lãkɔ kple waintsetsebolo na ame sia ame le Israel ƒe ameha blibo la dome, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa. Ale ame sia ame trɔ yi aƒe me.
David hã yi eƒe aƒe me eye wòyra eƒe aƒemetɔwo. Mixal va do goe eye wògblɔ na David fewuɖutɔe be, “Israel fia la de bubu gã aɖe ŋutɔ eɖokui ŋu egbe! Eɖe eɖokui fia nyɔnuviwo le ablɔ dzi abe yakame gbɔlo aɖe ene!”
David ɖo eŋu be, “Yehowa, ame si tiam ɖe fofowò kple eƒe ƒome la teƒe eye wòɖom kplɔlae ɖe Israel, Yehowa ƒe amewo, nu la ŋkumee meɖu ɣe le! Eya ta mele klalo be mawɔ nu abe abunɛtɔ ene ale be maɖe nye dzidzɔkpɔkpɔ le Yehowa me afia. Ɛ̃, melɔ̃ be magawɔ ɖokuinye abunɛtɔ gã aɖe wu esia gɔ̃ hã, ke nyɔnuvi siwo ŋu nèƒo nu le la agade bubu ŋunye wu esia.”
Ale Mixal tsi ko le eƒe agbemeŋkekewo katã me.
Mawu ƒe ŋugbedodo na David
Azɔ la, esime fia la li ke ɖe eƒe fiasã me vɔ eye Yehowa na gbɔɖemee tso eƒe futɔ siwo katã ƒo xlãe ƒe asi me la, David gblɔ na Nyagblɔɖila Natan be, “Kpɔ ɖa! Nye ya mele sedatifiasã nyui sia me le esime Mawu ƒe nubablaɖaka la le agbadɔ me.”
Natan ɖo eŋu nɛ be, “Wɔ nu si nèɖo be yeawɔ elabena Yehowa li kpli wò.”
Ke Yehowa gblɔ na Natan le zã ma me be,
“Yi nàgblɔ na nye dɔla David be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Ɖe wòle be nàtu xɔ nam manɔ emea? Nyemenɔ xɔ aɖeke me kpɔ o, tso esime mekplɔ mi Israelviwo tso Egipte la, agbadɔ me koe nye nye nɔƒe. Afi sia afi si meɖe zɔ kple Israelviwo yi la, ɖe megblɔ na woƒe kplɔla siwo mede se na be woakplɔ nye dukɔ la dometɔ aɖe kpɔ be, “Nu ka ŋutie mietu sedatixɔ nam o mahã?” ’
“Azɔ la, gblɔ na nye dɔla David be, ‘Yehowa Ŋusẽkatãtɔ la le gbɔgblɔm na wò be; meɖe wò le alẽkplɔdɔ nu eye meɖo wò fiae ɖe nye dukɔ Israel dzi. Menɔ kpli wò le afi sia afi si nède eye metsrɔ̃ wò futɔwo. Mana wò ŋkɔ nagade dzi wu ale si wòle fifia ale be nànye ame xɔŋkɔtɔwo dometɔ ɖeka le xexea me! Mana teƒe aɖe nye amewo, Israel. Maɖo teƒe na wo ɖe afi ma ale be aƒe nanɔ woawo ŋutɔ si eye ame aɖeke magaɖe fu na wo o. Ame vɔ̃ɖiwo magate wo ɖe anyi azɔ abe ale si wowɔ le gɔmedzedzea ene alo abe ale si wowɔ tso esime meɖo ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe nye dukɔ, Israel dzi ene o. Mana miavo tso miaƒe futɔwo ƒe asi me azɔ.
“ ‘Yehowa ɖe gbeƒã na wò be, Yehowa ŋutɔ aɖo aƒe aɖe gɔme anyi na wò. Ne wò ɣeyiɣi de le anyigba sia dzi eye nèku la, matsɔ viwò si nye wò ŋutɔ wò ŋutilã kple wò ʋu, aɖo wò fiazikpui la dzi eye mana eƒe fiaɖuƒe nakpɔ ŋusẽ. Eyae anye ame si atu gbedoxɔ nam eye mana eƒe fiaɖuƒe nanɔ anyi ɖaa. Manye fofo nɛ eye eya hã anye vi nam. Ne ewɔ nu vɔ̃ la, mawɔ dukɔ bubuwo ŋu dɔ atsɔ ahe to nɛ, ke nye lɔlɔ̃ maɖe ɖa le edzi abe ale si meɖee ɖa le Saul, ame si ɖu fia do ŋgɔ na wò la dzi ene o. Wò aƒe kple wò fiaɖuƒe anɔ anyi tegbee le ŋkunye me, eye wò fiazikpui ali ke tegbee.’ ”
Ale Natan gblɔ nya sia nya si Yehowa gblɔ la na David.
David ƒe gbedodoɖa
Ale Fia David ɖanɔ anyi ɖe Yehowa ŋkume eye wòdo gbe ɖa be,
“Oo, Aƒetɔ Yehowa, ame kae menye eye nu kae nye nye ƒome be nètsɔ nu siawo katã nam? Abe esia ɖe mesɔ gbɔ le wò ŋkume o ene la, Oo Aƒetɔ Yehowa, ègaƒo nu tso nu si wò dɔla ƒe aƒe ava nye le etsɔ me la ŋuti. Oo Aƒetɔ Yehowa, alea koe nènɔna kple amewoa?
“Nya kae gale David si wòagblɔ na wò? Elabena, Oo Aƒetɔ Yehowa, ènya wò dɔla. Le wò nya la ta kple wò lɔlɔ̃nu me, nèwɔ nu gã sia eye nèna wò dɔla nya.
“Oo Aƒetɔ Yehowa, èlolo loo! Ame aɖeke mele abe wò ene o eye mawu bubu aɖeke meli o, negbe wò, Mawu ko, abe ale si míesee kple míaƒe towo ene. Azɔ la, dukɔ kae le abe wò dukɔ, Israel ene, dukɔ ɖeka si le anyigba dzi, esi ƒe Mawu ɖaɖe dukɔ ma na eɖokui? Eye wòwɔ ŋkɔ na eɖokui to nukunu gãwo kple ŋɔdzinu dzɔatsuwo wɔwɔ me eye nènya dukɔwo kpe woƒe mawuwo le wò dukɔ si nèɖe tso Egipte la ŋgɔ. Èɖo wò dukɔ, Israel te be woanye tɔwòwo koŋ tegbee eye wò Yehowa nèva zu woƒe Mawu.
“Azɔ la, Yehowa Mawu, lé ŋugbe si nèdo na wò dɔla kple eƒe aƒe la ɖe asi tegbee. Wɔ abe ale si nèdo ŋugbee ene, ale be wò ŋkɔ nanye gã tegbee. Ekema amewo agblɔ be, ‘Yehowa Ŋusẽkatãtɔ enye Mawu ɖe Israel dzi!’ Ale woaɖo wò dɔla, David ƒe aƒe anyi ɖe ŋkuwòme tegbee.
“Oo Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu, èɖe esia fia wò dɔla be, ‘Matu xɔ na wò.’ Eya ta dzi ɖo wò dɔla ƒo wòle gbe sia dom ɖa na wò. Oo, Aƒetɔ Yehowa, Mawue nènye! Wò nyawo le eteƒe eye nètsɔ nu nyui siawo do ŋugbee na wò dɔla. Azɔ la, nedze ŋuwò be nàyra wò dɔla ƒe aƒe be wòanɔ anyi ɖaa le ŋkuwòme, elabena wò, Oo Aƒetɔ Yehowae ƒo nu eye wò dɔla ƒe aƒe axɔ yayra to wò yayra me tegbee.”
David ƒe dziɖuɖuwo le aʋa me
Le esia megbe la, David ɖu Filistitɔwo dzi eye wòbɔbɔ wo ɖe anyi to woƒe du Meteg Ama xɔxɔ me.
Eɖu Moabtɔwo hã dzi eye wòna Moabtɔwo mlɔ anyi ɖe wo nɔewo xa le fliwo me. Etsɔ dzidzeka dzidze wo eye wòma wo ɖe akpa etɔ̃ me. Ewu ameawo ƒe akpa eve, ena akpa etɔ̃lia me tɔwo zu eƒe subɔlawo eye wòna wodzɔa nu nɛ ƒe sia ƒe.
Eɖu Zoba fia Hadadezer, Rehob ƒe vi dzi le esime wòva be yeaɖo yeƒe fiaɖuƒe anyi ɖe Frat tɔsisi la to. David lé sɔdola akpe wuiadre (17,000) kple afɔzɔla akpe blaeve (20,000), etu ata na sɔawo katã negbe wo dometɔ alafa ɖeka ko.
Esi Aramtɔwo tso Damasko va be yewoakpe ɖe Zoba fia Hadadezer ŋu la, David wu wo dometɔ akpe blaeve-vɔ-eve (22,000). David da asrafo aɖewo ɖe Damasko si nye Aramtɔwo ƒe fiadu la me. Ale Aramtɔwo zu David tenɔlawo eye wodzɔa adzɔga nɛ ƒe sia ƒe. Ale Yehowa na David ɖua dzi le afi sia afi si wòayi.
David tsɔ sikakpoxɔnu siwo ŋu dɔ Fia Hadadezer ƒe aʋakɔwo wɔ la va Yerusalem. Etsɔ akɔbli gbogbo aɖe hã tso Teba kple Berotai siwo nye Fia Hadadezer ƒe du gãwo la me yi Yerusalem.
Esi Hamat fia, Tɔi, se ale si David si fia Hadadezer ƒe aʋakɔ blibo la, eɖo Via ŋutsu Yoram ɖe David gbɔ be wòado gbe nɛ, akafui le esi wòwɔ aʋa kple Hadadezer eye wòsii la ta, vevietɔ, esi Tɔi kple Hadadezer nye futɔwo ta. Tɔi ɖo nu siwo wowɔ kple klosalo, sika kple akɔbli la ɖe David.
Fia David kɔ nunana siawo katã ŋu na Yehowa, abe ale si wòwɔ kple klosalo kple sika si wòxɔ tso dukɔ siwo katã dzi wòɖu gbɔ, tso Edom kple Moab, Amonitɔwo kple Filistitɔwo kple Amalekitɔwo gbɔ ene. Ekɔ nu siwo wòha tso Hadadezer, Rehob ƒe vi, Zoba fia hã gbɔ la ŋu na Yehowa.
Ale David ƒe ŋkɔ ɖi hoo. Esi wòtrɔ gbɔ la, ewu Siriatɔ akpe wuienyi (18,000) le Dze Balime eye wòda asrafo aɖewo ɖe Edom ƒe teƒe ɖe sia ɖe. Ale Edomtɔwo zu David teviwo. Yehowa na wòɖua dzi le afi sia afi si wòayi.
David ƒe dɔnunɔlawo
David ɖu Israel blibo la dzi kple dzɔdzɔenyenye eye wòwɔ nyui na ame sia ame. Yoab, Zeruya ƒe vi nɔ aʋakɔ la nu. Yehosafat, Ahilud ƒe vi nye fia ƒe tsiami. Zadok, Ahitub ƒe vi kple Ahimelek, Abiata ƒe vi nye nunɔlawo eye Seraya nye fia la ƒe nuŋlɔla. Benaya, Yehoiada ƒe vi nɔ Keretitɔwo kple Peletitɔwo, ame siwo nye fiaŋudzɔlawo la nu eye David ƒe viŋutsuwo nye nunɔlawo.
David nyo dɔ me na Mefiboset
David bia be, “Ame aɖe gakpɔtɔ ɖe Saul ƒe aƒe me, ame si nu mave le Yonatan ta?”
Azɔ la, dɔla aɖe nɔ Saul ƒe aƒe me si ŋkɔe nye Ziba. Woyɔe va David ŋkume eye fia la biae be, “Wòe nye Ziba?”
Eɖo eŋu be, “Wò dɔlae.”
Fia la biae be “Ame aɖeke megale Saul ƒe aƒe me si maɖe Mawu ƒe amenuveve afia oa?”
Ziba ɖo eŋu na fia la be, “Yonatan ƒe viŋutsu aɖe gali ko, ame si ƒe atawo kple eve tu.”
Fia la biae be, “Afi ka wòle?”
Ziba ɖo eŋu be, “Ele Amiel ƒe vi Makir ƒe aƒe me le Lo Debar.”
Ale Fia David na wokplɔe tso Lo Debar vɛ tso Makir, Amiel ƒe viŋutsu, Makar ƒe aƒe me.
Esi Mefiboset, ame si nye Yonatan ƒe viŋutsu kple Saul ƒe tɔgbuiyɔvi va ɖo David gbɔ la, ede ta agu hede bubu eŋu.
David yɔe be, “Mefiboset!”
Mefiboset ɖo eŋu be, “Nye, wò dɔlae nye esi.”
David gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o, elabena mave nuwò vavã le fofowò, Yonatan ta. Magbugbɔ tɔgbuiwò, Saul, ƒe anyigbawo katã ana wò eye àɖu nu gbe sia gbe le nye kplɔ̃ ŋuti.”
Mefiboset tsyɔ mo anyi gblɔ be, “Nu kae wò dɔla nye be nètsɔ ɖe le eme na nye, ame si le abe avu kuku ene?”
David yɔ Saul ƒe subɔla Ziba eye wògblɔ nɛ be, “Metsɔ nu sia nu si nye Saul kple eƒe ƒomea tɔ la na wò aƒetɔ Saul ƒe tɔgbuiyɔvi. Wò kple viwòwo kple wò subɔlawo miade agble ɖe anyigba la dzi nɛ eye miatsɔ nukuawo vɛ ale be wò aƒetɔ ƒe tɔgbuiyɔvi nakpɔ nuɖuɖu. Ke Mefiboset, wò aƒetɔ ƒe tɔgbuiyɔvi, aɖu nu le nye kplɔ̃ ŋu.” Azɔ la, viŋutsu wuiatɔ̃ kple subɔla blaeve nɔ Ziba si.
Ziba gblɔ na fia la be, “Wò subɔla awɔ nu sia nu si nye aƒetɔ, fia la aɖe gbe na eƒe subɔla be wòawɔ.” Ale Mefiboset ɖua nu le Fia David ƒe kplɔ̃ ŋu abe fia la ƒe viwo dometɔ ɖeka ene.
Viŋutsuvi sue aɖe nɔ Mefiboset si; eŋkɔe nye Mika. Ziba ƒe aƒemetɔwo katã zu Mefiboset ƒe subɔlawo. Ke Mefiboset ya nɔ Yerusalem, elabena eɖua nu le fia la ƒe kplɔ̃ ŋu, eye eƒe atawo kple eve tu.
David ɖu Amonitɔwo dzi
Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Amonitɔwo ƒe fia ku eye via Hanun ɖu fia ɖe eteƒe. David gblɔ be, “Manyo dɔ me na Hanun, Nahas ƒe vi abe ale si fofoa nyo dɔ me nam ene.” Ale David dɔ amewo be woado babaa na Hanun le fofoa ƒe ku ta.
Esi David ƒe amewo va ɖo Amonitɔwo ƒe anyigba dzi la, Amonitɔwo ƒe amegãwo gblɔ na woƒe kplɔla Hanun be, “Ɖe nèbu be David le bubu dem ye fofo ŋu to ame siawo dɔdɔ ɖe gbɔwò be woado babaa na wò mea? Menye ɖe David dɔ ame siawo be woava tsa ŋku le anyigba la dzi eye yewoaho aʋa ɖe eŋu oa?” Ale Hanun lé David ƒe amewo, ƒlɔ ge afãafã na wo eye wòlã woƒe awuwo ɖe woƒe gɔnu. Ale Hanun do mɔ ameawo.
Esi David se nya sia la, edɔ amewo woɖakpe ŋutsuawo kple gbedeasi be woatsi Yeriko va se ɖe esime woƒe ge nato elabena wodo ŋukpe wo ŋutɔ.
Esi Amonitɔwo kpɔ be yewozu David ƒe ketɔwo la, wobia aʋawɔla akpe blaeve Aramtɔwo tso Bet Rehobnyigba kple Zobahnyigba dzi kpe ɖe ame akpe ɖeka tso Maaka fia gbɔ kple ame akpe wuieve (12,000) tso Tobnyigba dzi.
Esi David se nya sia la, eɖo Yoab kple aʋakɔ blibo la ɖa. Amonitɔwo va nɔ woƒe dua ƒe agbo nu hena aʋawɔwɔ le esime Aramtɔwo tso Zoba kple Rehob kple ame siwo tso Tob kple Maaka nɔ wo ɖokui si le gbedzi. Yoab kpɔ be wodze aʋa ɖe ye ŋgɔ kple ye megbe siaa, eya ta etia Israel ƒe asrafo siwo bi ɖe aʋawɔwɔ me, eye wòna woɖakpe aʋa kple Aramtɔwo. Ena akpa evelia si nɔ nɔvia Abisai ƒe kpɔkplɔ te la kpe aʋa kple Amonitɔwo.
Yoab gblɔ na nɔvia be, “Ne Aramtɔwo sẽ nam akpa la, nàva kpe ɖe ŋunye, ke ne Amonitɔwo sẽ na wò akpa la, mava kpe ɖe ŋuwò. Lé dzi ɖe ƒo, eye na míawɔ aʋa la kalẽtɔe na míaƒe dukɔ kple míaƒe Mawu la ƒe duwo. Yehowa awɔ nu si nyo le eŋkume.”
Ale Yoab kple eƒe aʋakɔwo lũ ɖe Aramtɔwo dzi be woakpe aʋa kpli wo eye Aramtɔwo si le wo nu. Esi Amonitɔwo kpɔ be Aramtɔwo nɔ sisim la, woawo hã lé du tsɔ le Abisai ŋgɔ eye woɖage ɖe du la me eya ta Yoab trɔ dzo yi Yerusalem.
Esime Aramtɔwo kpɔ be Israelviwo ɖu yewo dzi la, wogbugbɔ ƒo ƒu wo ɖokuiwo. Hadadezer na Aramtɔwo tso tɔsisi la godo yi Helam eye wonɔ Sobak, Hadadezer ƒe aʋafia ƒe kpɔkplɔ te.
Esi wogblɔ nya sia na David la, eya ŋutɔ kplɔ Israel ƒe aʋakɔ la yi Helam. Aramtɔwo ho aʋa ɖe David ŋu eye wowɔ aʋa kplii. Ke Aramtɔwo gasi le Israelviwo nu. David wu Aramtɔwo ƒe sɔdola alafa adre (700) kple afɔzɔla akpe blaene (40,000). Ede abi woƒe aʋafia, Sobak hã ŋu wòku le afi ma. Esi Hadadezer ƒe kpeɖeŋutɔwo kpɔ be woɖu Aramtɔwo dzi la wona ta eye wozu David tenɔlawo. Tso ɣe ma ɣi la, Aramtɔwo vɔ̃na be yewoagakpe ɖe Amonitɔwo ŋu.
David wɔ ahasi kple Batseba
Le Adame esi fiawo ƒe aʋawɔɣi ɖo la, David ɖo Yoab kple Israel ƒe aʋakɔ la ɖa be woatsrɔ̃ Amonitɔwo eye woɖe to ɖe Raba. Ke David nɔ Yerusalem.
Gbe ɖeka le ɣetrɔ me la, David fɔ eye wòɖi tsa le eƒe fiasã la ƒe xɔta ƒe gbadzaƒe. Ekpɔ nyɔnu aɖe si dze tugbe ŋutɔŋutɔ wònɔ tsi lem, ale wòdɔ ame ɖa be woakpɔe ɖa be nyɔnu kae mahã. Amea de gbɔ va gblɔ nɛ be nyɔnu lae nye Batseba, Eliam ƒe vinyɔnu eye wònye Uria srɔ̃. Enumake David na woyɔe nɛ. Le ɣeyiɣi sia me tututu la, Batseba wu ɖokuiŋukɔkɔ le gbɔtotsitsi megbe ƒe wɔnawo nu teti ko. Esi wòva la, David dɔ egbɔ eye wòtrɔ yi aƒe me. Emegbe esi Batseba kpɔ be yefɔ fu la eɖo ame ɖe David hegblɔe nɛ.
Ale David dɔ ame ɖo ɖe Yoab be, “Ɖo Uria, Hititɔ la ɖem.” Esi Uria va ɖo la, David bia gbee tso Yoab kple aʋakɔ la kple aʋa la ƒe yiyi me ŋuti. Emegbe la, David gblɔ na Uria be wòayi aɖagbɔ ɖe eme le eƒe aƒe me eye wòɖo nunana aɖe ɖee. Ke Uria meyi aƒe me o; etsi fiasã la ƒe agbonu kple fia la ƒe subɔlawo.
Esi David se nu si Uria wɔ la, eyɔe hebiae be, “Nya kae dzɔ? Nu ka ta mèyi srɔ̃wò gbɔ le wò aƒe me etsɔ fiẽ esi nèdzo le aƒe me eteƒe didi alea o?”
Uria ɖo eŋu na David be, “Nubablaɖaka la kple Israel kpakple Yuda wole agbadɔ me. Nye aʋafia Yoab kple nye aƒetɔ ƒe amewo katã le gbedzi. Ɖe nye ya mayi aƒe me, ano wain, aɖu nu eye madɔ srɔ̃nye gbɔa? Meka atam be nyemaɖi fɔ to nu siawo wɔwɔ me o.”
David gblɔ nɛ be, “Enyo; tsi anyi zã sia eye nàtrɔ ayi aʋagbedzi etsɔ,” Ale Uria tsi fiasã la me le Yerusalem. David kpee ɖe fiẽnuɖukplɔ̃ ŋu eye wòna wòno aha mu gake egagbe aƒemeyiyi eye wògatsi fiasã la ƒe agbo nu dɔ.
Esi ŋu ke la, David ŋlɔ agbalẽ de asi na Uria be wòatsɔ ayi na Yoab. Fia la ɖo na Yoab to agbalẽ la me be wòaɖo Uria ɖe afi si aʋa la sẽ le eye wòana amewo nade megbe le eŋu ale be woawui!
Ale Yoab ɖo Uria ɖe teƒe aɖe si te ɖe du si ŋu woɖe to ɖe afi si wònya be futɔwo ƒe aʋawɔla sesẽwo nɔ. Ale wowu Uria, Hititɔ la kple Israelvi geɖewo.
Yoab ɖo du ɖe David tso aʋa la ƒe yiyime ŋuti. Egblɔ na ame si wòdɔ la be, “Ne ègblɔ nya sia nya tso aʋa la ŋu la, ɖewohĩ ado dɔmedzoe abia wò be, ‘Nu ka ta miegogo du la nenema le aʋa la wɔwɔ me? Ɖe mienya be woada aŋutrɔwo tso gli la dzi oa? Mieɖo ŋku ale si wowu Abimelek, Yerub Beset ƒe vi, la dzi oa? Nyɔnu aɖee ɖe asi le wɔtutevi ŋu tso gli la dzi wòwui le Tebez. Nu ka ta miegogo gli la nenema?’ Ne Fia la bia nya siawo wò la, gblɔ nɛ be, ‘Wowu wò aʋakplɔla Uria, Hititɔ la hã.’ ”
Ale ame dɔdɔ la yi Yerusalem eye wògblɔ nya la na David. Egblɔ be, “Futɔwo lũ ɖe mía dzi; míenya wo wogbugbɔ yi dua ƒe agbowo nu. Glidzinɔlawo ho aʋa ɖe mía ŋu, wowu míaƒe ame aɖewo eye wowu wò aʋakplɔla Uria, Hititɔ la, hã.”
David gblɔ nɛ be, “Gblɔ na Yoab be dzi megaɖe le eƒo o; ame sia ame ate ŋu atsi yi nu gbe ɖeka. Miyi aʋa la wɔwɔ dzi sesĩe wu tsã eye miagbã du la. De dzi ƒo nɛ be eyae le dɔ dzi loo!”
Esi Batseba se be ye srɔ̃ Uria ku la, efae vevie eye esi konyifaɣi la wu nu la, David na Batseba ʋu yi fiasã la me eye wòzu srɔ̃awo dometɔ ɖeka. Batseba dzi ŋutsuvi nɛ, ke nu si David wɔ la, medze Yehowa ŋu kura o.
Natan ka mo na David
Ale Yehowa ɖo Nyagblɔɖila Natan ɖa be wòagblɔ ŋutinya sia na David be, “Ŋutsu eve aɖewo le du aɖe me, ɖeka nye kesinɔtɔ gã aɖe eye evelia nye ame dahe. Alẽwo kple nyiwo nɔ kesinɔtɔ la si fũu, ke alẽvi ɖeka pɛ koe nɔ ame dahe la ya si eye eya kple viawo kpɔa dzidzɔ le alẽvi la ŋu ŋutɔ. Ame dahe la nana alẽvi la ɖua nu le eya ŋutɔ ƒe agba me eye wònoa nu le eƒe kplu nu. Elénɛ ɖe abɔ abe via nyɔnuvie wònye ene.
“Gbe ɖeka la, amedzro aɖe va dze kesinɔtɔ la. Le esime kesinɔtɔ la nalé alẽ ɖeka tso eya ŋutɔ ƒe alẽ gbogboawo dome awu na amedzroa teƒe la, elé ame dahe la ƒe alẽ ɖeka ma, wui eye wòtsɔe ɖa nue na amedzro la.”
David do dɔmedzoe eye wòka atam be, “Meta Yehowa ƒe agbe be ame si wɔ nu sia la dze na ku! Ele be wòatsɔ alẽ ene aɖo ɖeka si wòfi la teƒe le eƒe nublanuimakpɔmakpɔ ta.”
Tete Natan gblɔ na David be, “Wò tututue nye kesinɔtɔ ma! Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be, ‘Meɖo wò fiae ɖe Israel dzi eye meɖe wò tso Saul ƒe asi me; metsɔ eƒe fiasã, srɔ̃awo, eƒe fiaɖuƒe, Israel kple Yuda siaa na wò. Magate ŋu ana nu geɖewo wò wu ne esiawo mesɔ gbɔ na wò o. Ke nu ka ta nèdo vlo Yehowa ƒe sewo eye nèwɔ nu vɔ̃ɖi sia ɖo? Èwu Uria, Hititɔ eye nèxɔ srɔ̃a! Eya ta tso azɔ dzi la, yi madzo le aƒewò me o, elabena edo vlom eye nèxɔ Uria Hititɔ la srɔ̃ ɖe.’
“ ‘Meka atam be le nu si nèwɔ ta la, mana wò ŋutɔ wò aƒemetɔwo natso ɖe ŋuwò. Matsɔ srɔ̃wòwo ana ŋutsu bubuwo eye wòadɔ wo gbɔ le ŋdɔkutsu dzatsɛ be ame sia ame nakpɔ. Èwɔe le bebeme ke nye ya mawɔ nu sia ɖe ŋuwò le gaglãgbe, le Israel blibo la ŋkume.’ ”
David ʋu eme nublanuitɔe na Natan be, “Mewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu.”
Natan ɖo eŋu be, “Ɛ̃, gake Yehowa tsɔe ke wò eye màku le nu vɔ̃ sia ta o gake èna mɔnukpɔkpɔ gã aɖe Yehowa ƒe futɔwo be woado vlo Yehowa eye woagblɔ busunyawo ɖe eŋu eya ta viwò la aku.”
Natan trɔ yi aƒe me. Yehowa na Uria srɔ̃ ƒe vidzĩ si wòdzi na David la dze dɔ kutɔkutɔe. David ɖe kuku na Mawu be wòana ɖevi la natsi agbe, egbe nuɖuɖu eye wòmlɔ anyigba ƒuƒlu le Yehowa ŋkume to zã blibo la me. Ametsitsi siwo le eƒe aƒe me la kpɔ egbɔ be woana wòafɔ aɖu nu, gake egbe fɔfɔ eye melɔ̃ hã be yeaɖu naneke kpli wo o.
Le ŋkeke adrea gbe la, ɖevi la ku. David ŋumewo vɔ̃ be yewoagblɔe nɛ. Wogblɔ be “Esi ɖevia nɔ agbe la, míeƒo nu nɛ, ke meɖo to mí o; azɔ la, aleke míawɔ agblɔ nɛ be ɖevia ku? Ate ŋu awɔ nuvevi eɖokui.”
Ke esi David kpɔ wo wonɔ dalĩ dom na wo nɔewo la, enya nya si dzɔ. Ebia be, “Ɖevia kua?”
Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, eku.”
David fɔ le anyigba, le tsi, vu ɖa, ɖɔli awu eye wòyi ɖasubɔ le Yehowa ƒe aƒe me. Le esiawo megbe la, etrɔ va fiasã la me, bia be woaɖa nu na ye eye wòɖu nua nyuie.
Nu sia wɔ nuku na eŋumewo eye wogblɔ nɛ be, “Míese wò nuwɔna sia gɔme o. Esi ɖevia nɔ agbe la, èfa avi eye nègbe nuɖuɖu, ke azɔ esi ɖevia ku la, èdzudzɔ konyifafa eye nègade asi nuɖuɖu me.”
David ɖo eŋu be, “Metsi nu dɔ eye mefa avi esi ɖevia nɔ agbe elabena megblɔ be, ‘Ɖewohĩ Yehowa ave nunye eye wòana ɖevia natsi agbe.’ Ke nu ka ta magatsi nu adɔ esi wòku? Ɖe mate ŋu ana wòagbɔ agbea? Egbɔe mayi, ke eya magate ŋu atrɔ va gbɔnye o.”
David fa akɔ na Batseba eye esi wògadɔ egbɔ la, edzi ŋutsuvi eye wòna ŋkɔe be Solomo. Yehowa lɔ̃ ɖevia eye wòɖo du kple yayra ɖee to Nyagblɔɖila Natan dzi, be woana ŋkɔ ɖevia be “Yedidia” si gɔmee nye, “Yehowa ƒe lɔlɔ̃tɔ” le lɔlɔ̃ tɔxɛ si Yehowa tsɔ nɛ la ta.
Woxɔ Raba du la
Azɔ la, Yoab wɔ aʋa kple Amonitɔwo ƒe Raba eye wòxɔ fiadu la. Yoab ɖo amewo ɖa be woagblɔ na David be, “Mewɔ aʋa kple Raba eye mexɔ eƒe tsiduƒe la. Azɔ la, kplɔ aʋawɔla mamlɛawo, nàɖe to ɖe dua eye nàxɔe. Ne menye nenema o la, maxɔ dua eye matsɔ nye ŋkɔ nɛ.”
Ale David kplɔ aʋakɔ blibo la yi Raba, wɔ aʋa eye wòxɔ du la. Eɖe fiakuku le ta na Fia la. Fiakuku la ƒe kpekpemee nye sika talento ɖeka eye wotɔ kpe xɔasiwo ɖe eŋu. Wotsɔe ɖɔ na David. Elɔ afunyinu geɖewo tso du la me. Ekplɔ dua me nɔlawo dzoe eye wode dɔ sesẽwo wɔwɔ asi na wo be woawɔ kple laxalaxawo, fiwo kple fiawo. Ena wowɔ dɔ le kpemeƒe la hã. Ewɔ Amonitɔwo ƒe duwo katã me tɔwo alea. David kple aʋakɔ la gbugbɔ va Yerusalem.
Amnon kple Tamar
Nɔvinyɔnu dzetugbe aɖe nɔ Absalom, David ƒe viŋutsu si. Eŋkɔe nye Tamar eye eƒe nu nyo David viŋutsu bubu si woyɔna be Amnon la ŋu, evɔ Amnon kple Tamar nye atsusiviwo.
Amnon ƒe lɔlɔ̃ na Tamar va ɖe fu nɛ ale gbegbe be wòdze dɔ. Amnon mekpɔ mɔnu aɖeke awɔ naneke kplii o, elabena Tamar menya ŋutsu haɖe o. Xɔlɔ̃ dzeaye aɖe nɔ Amnon si; eŋkɔe nye Yonadab, ame si nye David nɔviŋutsu, Simea ƒe vi.
Gbe ɖeka la, Yonadab bia Amnon be, “Nya kae dzɔ? Nu ka ta wò, fiavi, nàlé blanui ale ŋdi sia ŋdi?”
Amnon gblɔ nɛ be, “Tamar, nɔvinye nyɔnu, ame si dzɔ ɖe Absalom yome la ƒe vi la ƒe nu lé dzi nam.”
Yonadab gblɔ nɛ be, “Enyo, magblɔ nu si nàwɔ la na wò. Yi ɖamlɔ anyi eye nàwɔ abe ɖe nèdze dɔ ene. Ne fofowò va be yeakpɔ wò ɖa la, gblɔ nɛ be wòana Tamar nava wɔ nuɖuɖu aɖe na ye. Na wòanya be yeahaya ne Tamar va ɖa nu na ye.”
Amnon wɔ alea. Esi David va kpɔe ɖa la, eɖe kuku nɛ be wòaɖe mɔ na ye nɔvinyɔnu, Tamar, wòava ɖa nu na ye yeaɖu. David lɔ̃ eye wòɖo du ɖe Tamar be wòayi Amnon ƒe xɔ me eye wòaɖa nane nɛ. Ale Tamar yi Amnon ƒe xɔ me ale be Amnon nakpɔ ale si wòablu amɔ lae. Etɔ tatalĩ tɔxɛ aɖe nɛ, ke esi wòɖo kplɔ̃ nɛ la, egbe nua ɖuɖu! Eɖe gbe na eƒe subɔlawo be woadzo le yewo gbɔ eye subɔlawo katã do go le xɔa me.
Amnon gblɔ na Tamar be, “Tsɔ nuɖuɖu la va nye dɔƒe eye nàdoe nam.” Ale Tamar tsɔ nuɖuɖu la yii. Esi wòtsi tsitre ɖe eŋkume la, Amnon gblɔ nɛ be, “Lɔlɔ̃tɔ, va mlɔ gbɔnye.”
Tamar do ɣli be, “Oo, Amnon, èdzɔ movi loo! Mègawɔ nu sia tɔgbi o. Wò ŋutɔ ènya be nu sia tɔgbi medzɔna le Israel o. Afi ka mayi kple ŋukpe gã sia? Woayɔ wò be abunɛtɔ gãtɔwo dometɔ ɖeka le Israel! Meɖe kuku, ƒo nu kple fia la, ekema aɖe mɔ na wò nàɖem.”
Amnon gbe meɖo toe o, ke boŋ esi wòsẽ wu Tamar ta la, elée sesẽtɔe hedɔ egbɔ. Enumake lɔlɔ̃ si wòtsɔ nɛ la trɔ zu fuléle. Amnon lé fu Tamar azɔ wu ale si wòlɔ̃e tsã. Eblu ɖe eta be, “Do go nàdzo le afi sia!”
Tamar de asi avifafa me hegblɔ be, “Ne ègbem la, evɔ̃ɖi wu nu si nèwɔ kplim gɔ̃ hã.”
Ke Amnon meɖo to Tamar ƒe nya siawo o. Eyɔ eƒe subɔla eye wògblɔ nɛ be, “He nyɔnu sia do goe le afi sia eye nàtu ʋɔa ɖe eyome.” Ale subɔla la hee do goe eye wòtu ʋɔ la ɖe eyome. Edo awu ʋlaya nyui aɖe si fiavinyɔnu siwo menya ŋutsu haɖe o la dona. Tamar dze awu la le eɖokui ŋuti, lɔ dzowɔ kɔ ɖe tame, kpla asi ta, henɔ avi fam kple ɣli eye wòdzo.
Nɔvia Absalom biae be, “Nyateƒee be Amnon gblẽ wòa? Mègana wòave wò nenema kura o, elabena ƒome ɖeka sia me ko nya la dzɔ le. Esia menye nya aɖeke si ŋu nàtsi dzi le alea o!”
Ale Tamar nɔ nɔvia Absalom gbɔ abe nyɔnu si ɖi gbɔ̃ eɖokui ene.
Esi Fia David se nya si dzɔ la, edo dɔmedzoe ŋutɔ. Absalom lé fu Amnon le esi wògblẽ nɔvia, Tamar ta ale gbegbe be megaƒoa nu kplii gɔ̃ hã o.
Absalom wu Amnon
Le ƒe eve megbe la, wonɔ fu kom na Absalom ƒe alẽwo le Baal Hazor, le Efraim du la gbɔ. Absalom kpe fiaviŋutsuwo katã be woava afi ma. Eyi fofoa David gbɔ hekpe eya hã kple eŋumewo be woava kpɔ dzidzɔ kple ye. Ke fofoa gblɔ nɛ be, “Ao, vinye, ne mí katã míeva la, míanye agba na wò akpa.”
Absalom ƒoe ɖe enu gake melɔ̃ ɖe yiyi dzi o; ɖeko wòda akpe nɛ ɖe eƒe amekpekpe la ta.
Absalom gblɔ be, “Enyo; ne wò ŋutɔ màte ŋu ava o hã la, màɖo nɔvinye, Amnon ɖa ɖe tewòƒe oa?”
Fia la biae be, “Nu ka ta maɖo Amnon ɖa?” Absalom yi nya la ƒoƒo ɖe fia la nu dzi va se ɖe esime wòlɔ̃ eye wòna via ŋutsuwo katã, ame siwo dome Amnon hã nɔ la yi.
Absalom gblɔ na eƒe amewo be, “Milala va se ɖe esime Amnon namu aha, ekema ne mewɔ dzesi aɖe na mi ko la, miawui! Migavɔ̃ o, nyee nye miaƒe aƒetɔ eye esiae nye nye ɖoɖo. Milé dzi ɖe ƒo ne miawɔe!”
Ale Absalom ƒe amewo wɔ Amnon abe ale si Absalom ɖo na wo ene. Tete fia la ƒe viwo katã lia woƒe tedzisɔwo dzi eye wosi dzo.
Esi wonɔ mɔa dzi la, David se be, “Absalom wu fia la ƒe viwo katã eye wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã mesusɔ o.”
Fia la tsi tsitre, dze eƒe awuwo eye wòmlɔ anyigba, le konyifafa me, eŋumewo hã dze woƒe awuwo le ŋɔdzi kple konyifafa ta.
Ke Yonadab, David nɔviŋutsu, Simea ƒe viŋutsu gblɔ be, “Mele be nye aƒetɔ nabu be wowu fiaviŋutsuawo katã o. Amnon ko wowu! Esiae nye Absalom ƒe tameɖoɖo si wògblɔna tso gbe si gbe ke Amnon gblẽ nɔvia nyɔnu Tamar. Mele be nye aƒetɔ, fia la naƒo to nya sia bena fiaviŋutsuawo katã ku o. Amnon koe ku.”
Ke Absalom si le teƒea.
Azɔ, dzɔla si le Yerusalem ƒe gli la dzi la, kpɔ ameha gã aɖe le togbɛ la ŋu wogbɔna Yerusalem.
Yonadab gblɔ na fia la be, “Kpɔ ɖa, woawoe nye emawo! Viwò ŋutsuwo gbɔna ɖa abe ale si megblɔ ene.”
Eteƒe medidi o la, wova do henɔ avi fam. Fia la kple eŋumewo hã fa avi vevie.
Absalom si yi Talmai, Amihud ƒe vi Gesuri fia gbɔ. Ke Fia David faa via ŋutsu la gbe sia gbe.
Absalom si yi Gesur eye wònɔ afi ma ƒe etɔ̃. Esi Fia David dzudzɔ Amnon fafa la, edi vevie be yeagakpɔ ye vi Absalom.
Absalom trɔ yi Yerusalem
Esi Aʋafia Yoab kpɔ be David di vevie be yeagakpɔ Absalom la, eɖo du ɖe nyɔnu nyanu aɖe si nɔ Tekoa. Esi nyɔnu la va la, Yoab gblɔ nɛ be, “Wɔ abe ɖe nèle konyi fam ene eye nàta funyivɔ. Mègavu ɖa o; wɔ ɖokuiwò abe nyɔnu si le fu nyim ɣeyiɣi didi aɖe ene. Ekema nàyi fia la gbɔ eye nàgblɔ nu si magblɔ na wò be nàgblɔ la nɛ.”
Esi nyɔnu la ɖo fia la gbɔ la, emlɔ anyigba, tsyɔ mo anyi le fia la ŋkume eye wòdo ɣli be, “Oo, fia, nyo nam!”
Fia la biae be, “Nu kae le fu ɖem na wò.”
Eɖo eŋu be, “Ahosie menye, srɔ̃nye ku. Viŋutsu eve nɔ nye, wò dɔla si. Wowɔ avu kple wo nɔewo le gbedzi; ame aɖeke menɔ afi ma alé avu wo o. Ale ɖeka wu nɔvia. Azɔ la, ƒometɔ mamlɛawo le biabiam be maɖe asi le esi wu nɔvia la ŋu ne woawu eya hã le ale si wòwu nɔvia la ta. Ne mewɔ woƒe gbe dzi la, viŋutsu aɖeke maganɔ asinye o, ekema srɔ̃nye ƒe ŋkɔ abu le anyigba dzi.”
Fia la gblɔ nɛ be, “Gblẽ nya sia ɖe nye asi me; makpɔ egbɔ be ame aɖeke maka asi viwò ŋutsu la ŋu o.”
Tekoa nyɔnu la gblɔ nɛ be, “Oo, nye aƒetɔ, meda akpe na wò; ne woaxa wò be nèkpe ɖe ŋunye alea la, maxɔ nya la ɖe ɖokuinye dzi.”
Fia la yi edzi be, “Mègatsi dzi le akpa ma ŋu o. Ne ame aɖe melɔ̃ ɖe edzi o la, kplɔe vɛ nam. Meka ɖe edzi na wò be magagblɔ nya aɖeke o!”
Nyɔnu la gblɔ na David be, “Meɖe kuku, tsɔ Yehowa, wò Mawu, ka atam nam be, yemaɖe mɔ ame aɖeke nawɔ nuvevi vinye la o. Nyemedi be woagakɔ ʋu bubu aɖeke ɖi o.”
David ɖo eŋu be, “Metsɔ Yehowa ka atam na wò bena ame aɖeke manyɔ viwò la ƒe taɖa ɖeka pɛ gɔ̃ hã o!”
Nyɔnu la yi edzi be “Meɖe kuku, na magabia nu ɖeka wò, nye aƒetɔ fia la!”
David gblɔ nɛ be, “Bia faa!”
Nyɔnu la gblɔ be, “Ekema nu ka ta nèɖo nu sia tsitre ɖe Mawu ƒe amewo ŋuti? Elabena le nyametsotso si nèna nu la, fia la bu fɔ eɖokui le esime megbugbɔ via si wònya de gbe la va aƒee o. Mí katã míele kuku ge, mlɔeba la míaƒe agbe le abe tsi si wotrɔ kɔ ɖe anyigba ene, womagate ŋu aklui o. Ke Mawu ayra wò kple agbe didi wu, ne àto mɔ aɖe nu ana viwò Absalom nagbɔ va aƒe.
“Eya ta meva be magblɔ nya sia na nye aƒetɔ, fia la elabena ameawo le vɔvɔ̃ dom nam. Wò subɔla bu be, ‘Maƒo nu kple fia la kpɔ; ɖewohĩ awɔ nu si eƒe subɔla la abia. Ɖewohĩ fia la alɔ̃ be yeaɖe eƒe subɔla tso ame si le didim be yeana be nye kple vinye míaxɔ domenyinu si Mawu na mí o la si me.’
“Ɛ̃, fia la agana eƒe asimeŋutifafa mí. Menya be èle abe mawudɔla ene eye ètea ŋu dzea si nyui tso vɔ̃ gbɔ. Yehowa, wò Mawu, nanɔ kpli wò.”
Fia la gblɔ be, “Medi be manya nu ɖeka.”
Nyɔnu la biae be, “Nye aƒetɔ, nu kae?”
Fia la yi edzi be, “Yoab ye nye ame si dɔ wò ɖe afi sia?”
Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ fia, aleke mate ŋu agblɔ be menye eyae o? Ɛ̃, Yoab ye dɔm ɖa eye wògblɔ nu si magblɔ na wò la nam. Ewɔ nu sia, ale be yeatsɔ nya la aɖo wò ŋkume to mɔ bubu dzi. Ke wò nye aƒetɔ, ènyaa nu abe mawudɔla ene eye nènya nu sia nu si dzɔna!”
Ale David yɔ Yoab eye wògblɔ nɛ be, “Enyo, yi nàkplɔ Absalom vɛ.”
Yoab mlɔ anyigba le fia la ŋkume eye wòyra fia la hegblɔ be, “Nye aƒetɔ fia, egbe nye wò dɔla medze sii mlɔeba be èlɔ̃m elabena èlɔ̃ ɖe nu si mebia wò la dzi!”
Ale Yoab yi Gesur eye wòkplɔ Absalom gbɔ va Yerusalem.
Fia David de se be, “Absalom ate ŋu ayi eya ŋutɔ ƒe nɔƒe le fiasã sia me gake mekpɔ mɔ ado ɖe nye ŋkume le afi sia gbeɖe o. Nyemedi be makpɔe kura o!”
Ame aɖeke medze ɖeka le Israelnyigba dzi abe Absalom ene o eye womekafua ame bubu aɖeke hã nenema abe eya ene o. Ekoa eƒe taɖa zi ɖeka pɛ ko le ƒe blibo ɖeka me. Nu si ta ko wòkonɛ zi ɖeka ma hãe nye be taɖa la tona ʋutuu, eye ne edae la ekpena kilogram etɔ̃ sɔŋ eye wòkpena le ta nɛ akpa. Viŋutsu etɔ̃ kple vinyɔnu ɖeka, Tamar, ame si dze tugbe ŋutɔ la nɔ Absalom si.
Absalom nɔ Yerusalem ƒe eve eye mekpɔ fia la o. Eɖo du ɖe Yoab be wòava aɖe kuku na ye fofo na ye gake Yoab gbe meyi o. Absalom gaɖo du ɖee zi evelia eye wògagbe yiyi.
Ale Absalom ɖe gbe na eƒe subɔlawo be, “Miyi miatɔ dzo Yoab ƒe lugble si le tɔnye xa” eye woyi ɖatɔ dzoe.
Yoab yi Absalom gbɔ eye wòbiae be, “Nu ka ta wò subɔlawo tɔ dzo nye lugble ɖo?”
Absalom ɖo eŋu be, “Elabena medi be nàbia fia la nam be, nu ka ta wòkplɔm gbɔe tso Gesur ne medi be yeakpɔm o? Anye ne manɔ afi ma hafi. Na maƒo nu kple fia la eye ne ekpɔ be mewu ame la, wòawum.”
Yoab gblɔ nya si Absalom gblɔ la na fia la eye David yɔ Absalom mlɔeba. Eva, de ta agu na fia la eye wòkpla asi kɔ nɛ.
Absalom ƒe nugbeɖoɖo
Emegbe la, Absalom ƒle tasiaɖam nyui aɖe kple sɔwo eye wòdi ame blaatɔ̃ siwo anɔ du ƒum le eŋgɔ. Efɔna kaba ŋdi sia ŋdi, yia dua ƒe agbonu eye ne ame aɖe tsɔ nya aɖe gbɔna be fia nadrɔ̃ na ye la, Absalom yɔnɛ eye wòbianɛ be, “Du ka me nètso?” Ne ame la ɖo eŋu be “Wò dɔla tso Israel toawo dometɔ ɖeka me la,”
Absalom gblɔna be, “Mekpɔ be wò nya dzɔ; evem ŋutɔ be ame aɖeke mele Fia la ŋu si akpe ɖe eŋu le nya siawo dɔdrɔ̃ me o.” Absalom gagblɔna be, “Nyee anye ʋɔnudrɔ̃la la hafi, ekema ame sia ame ate ŋu atsɔ eƒe ʋɔnunya vɛ nam eye madrɔ̃ nya dzɔdzɔe nɛ!”
Ne ame aɖe va be yeade ta agu nɛ la, melɔ̃na o, ke boŋ enaa asii eye wòkplaa asi kɔ nɛ boŋ. Absalom to mɔ sia dzi eye wòna Israelviwo katã tsɔ lɔlɔ̃ tɔxɛ nɛ.
Le ƒe enelia ƒe nuwuwu la, Absalom gblɔ na Fia la be, “Na mayi Hebron eye maxe adzɔgbe aɖe si meɖe na Yehowa. Esi wò subɔla nɔ Gesur le Aram la, meɖe adzɔgbe be, ‘Ne Yehowa akplɔm maɖo Yerusalem la, masubɔ Yehowa le Hebron.’ ”
Fia la gblɔ nɛ be, “Enyo; yi nàsa vɔ la le adzɔgbe si nèɖe la nu.”
Ale Absalom yi Hebron. Ke esi wònɔ afi ma la, eɖo ŋkutsalawo ɖe Israel ƒe to ɖe sia ɖe me be woagblɔ na amewo be; “Ne miese kpẽwo ƒe ɖiɖi ko la, mianya be wotsɔ Absalom ɖo fiae le Hebron.” Absalom kplɔ ame alafa eve ɖe asi tso Yerusalem abe eƒe amedzrowo ene ke womenya naneke tso eƒe tameɖoɖowo ŋu o. Esi wònɔ vɔ sam la, eɖo du ɖe Ahitofel, ame si nye David ƒe aɖaŋuɖolawo dometɔ ɖeka si nɔ Giloh. Ahitofel va de Absalom dzi abe ale si ame geɖewo wɔ ene, ale Absalom ƒe babla ɖe David ŋu nu sẽ ŋutɔ.
David si dzo le Yerusalem
Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, ame aɖe va ɖo Yerusalem eye wògblɔ na Fia David be, “Israelviwo katã de Absalom dzi eye wobla ɖe ŋuwò!”
David gblɔ na eƒe amewo enumake be, “Ekema mina míasi enumake hafi sisi magava nɔ mía ŋu o. Ne míesi dzo le dua me hafi Absalom va ɖo la, ekema míawo kple Yerusalem du la siaa míakpɔ ɖeɖe.”
Eŋumewo ka ɖe edzi nɛ be, “Míeli kpli wò; wɔ nu si nyo na wò, míaƒe aƒetɔ fia.”
Ale David kple eƒe aƒemetɔwo dze mɔ enumake; eƒe ahiãvi ewo ko wògble ɖi be woanɔ fiasã la dzi kpɔm. Ale fia la dze mɔ, eƒe amewo katã dze eyome eye wotɔ ɖe dua godo. Eƒe amewo kple Keretitɔwo kple Peletitɔwo kple Gititɔ alafa adeawo, ame siwo dze eyome tso Gat la va to eŋu eye wozɔ le fia la ŋgɔ.
Fia la gblɔ na Itai, Gititɔ la be, “Nu ka ta nànɔ mía dome? Trɔ nàyi aɖanɔ Absalom ŋu. Amedzroe nènye, ame si si dzo le mia de. Etsɔ ko nèva! Egbe la, ɖe mana nàtsa tsaglalã kpli mí, le esime nyemenya afi si yim nye ŋutɔ mele oa? Trɔ kple wò amewo. Amenuveve kple nuteƒewɔwɔ nanɔ kpli mi.”
Ke Itai ɖo eŋu be, “Metsɔ Yehowa kple wò ŋutɔ wò agbe ka atam be afi sia afi si nàyi la, nye hã mayi; nya sia nya nedzɔ, nenye agbee hã, kue hã!”
David ɖo eŋu be, “Enyo, miva míyi.” Ale Itai kple eƒe ame alafa adeawo kple woƒe aƒemetɔwo yi kpli wo.
Ame sia ame lé blanui le dua me esime fia la kple eƒe amewo va yina. Wotso Kidron tɔʋu la eye woɖo ta gbegbe la.
Abiata kple Zadok kple Levitɔwo kɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la eye wodae ɖe mɔto va se ɖe esime ame sia ame va yi vɔ.
Fia la gblɔ na Zadok be, “Gbugbɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la yi dua me. Ne mekpɔ amenuveve le Yehowa ŋkume la, Yehowa ana magagbɔ ava kpɔe kple eƒe nɔƒe. Ke ne egblɔ be, ‘Nyemekpɔ ŋudzedze le ŋuwò o’ la, ekema mele klalo; newɔ nu sia nu si dze eŋu lam.”
Fia la gblɔ na Zadok be, “Kpɔ ɖa, medi be nàtrɔ le ŋutifafa me ayi dua me kple viwò Ahimaaz kple Abiata ƒe vi, Yonatan. Matɔ ɖe Yɔdan tɔsisi la ƒe tɔtsoƒe va se ɖe esime mese nya aɖe tso gbɔwò. Na manya nu si le dzɔdzɔm le Yerusalem hafi mabu ɖe gbegbe la.”
Ale Zadok kple Abiata gbugbɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la yi dua me eye wotsi afi ma.
David zɔ mɔ si ɖo ta Amito la dzi henɔ avi fam. Etsyɔ nu ta eye wòɖe afɔ ƒuƒlu abe konyifafa ƒe dzesi ene. Eŋumewo hã tsyɔ nu ta henɔ avi fam le esime wonɔ to la liam. Esime ame aɖe gblɔ na David be eƒe aɖaŋuɖola Ahitofel dze Absalom yome la, David do gbe ɖa be, “Oo, Yehowa, meɖe kuku, na Ahitofel naɖo aɖaŋu gbegblẽ na Absalom!”
Esi woɖo teƒe si le toa tame, afi si amewo subɔa Mawu le la, David kpɔ Husai, Arkitɔ la, wònɔ elalam; eƒe awuwo vuvu le eŋu eye ke nɔ tame nɛ. David gblɔ nɛ be, “Ne èdze yonyeme la, agba ko nànye nam. Ke ne ètrɔ yi dua me eye nègblɔ na Absalom be, ‘O fia, menye fofowò ƒe subɔla tsã, ke azɔ la, manye wò subɔla’ la, ekema àte ŋu akpe ɖe ŋunye to Ahitofel ƒe aɖaŋuɖoɖo me gbegblẽ me. Nunɔla Zadok kple nunɔla Abiata manɔ afi ma kpli wò oa? Gblɔ nu sia nu si nàse le fiasã la me na wo. Wo viŋutsu eveawo, Ahimaaz, Zadok ƒe vi kple Yonatan, Abiata ƒe vi, le afi ma kpli wo. Gblɔ nu si nàse la na wo be woava gblɔ nam.” Ale David xɔlɔ̃ Husai trɔ yi dua me eye esi wòɖo teti ko la, Absalom hã va ɖo.
David kple Ziba
Esi David to toa tame yina sẽe ko la, Ziba, ame si nye Mefiboset ƒe aƒedzikpɔla la va tui. Etsɔ abolo alafa eve, waintsetse ƒuƒu ka alafa ɖeka, waintsetse mumu kpo alafa ɖeka kple wain adzafi sue ɖeka ɖe tedzi eve dzi vɛ.
Fia la bia Ziba be, “Nu ka míawɔ kple nu siawo?”
Ziba ɖo eŋu be, “Tedziawo nye wò amewo tɔ be woanɔ dodom, aboloawo kple kutsetseawo nye ɖekakpuiawo ƒe nuɖuɖu. Ne ɖeɖi te ŋuwòme aɖe ŋu le gbegbea la, wòano wain la.”
Fia la bia be, “Afi ka Mefiboset le?”
Ziba ɖo eŋu be, “Enɔ Yerusalem; egblɔ be, ‘Mezu fia azɔ! Egbe la maxɔ fofonye, Saul, ƒe fiaɖuƒe la!’ ”
Fia la gblɔ na Ziba be, “Ekema metsɔ nu sia nu si nye etɔ la na wò.”
Ziba ɖo eŋu be, “Akpe na wò; meda akpe gã aɖe na wò, nye amegã.”
Simei ƒo fi de David
Esi David kple eŋumewo gogo Bahurim la, ŋutsu aɖe do go tso kɔƒe aɖe me heƒo fi de wo. Ame siae nye Simei, Gera ƒe vi eye wòganye Saul ƒe ƒometɔ. Eda kpe Fia la kple eƒe aʋafiawo kple aʋawɔla siwo katã ƒo xlãe!
Simei ƒo fi de David kple ɣli be, “Bu le afi sia, bu le afi sia, wò hlɔ̃dola kple ame vɔ̃ɖi! Yehowa xe fe na wò ɖe ʋu siwo katã nèkɔ ɖe anyi le Saul, ame si teƒe nèle fia ɖum le la ƒe aƒe me eya ta Yehowa xɔ fiaɖuƒe la na viwò Absalom. Ège ɖe dzɔgbevɔ̃e me elabena ènye hlɔ̃dola!”
Abisai bia be, “Nu ka ta avu kuku sia aƒo fi ade wò, nye aƒetɔ, fia, mahã? Ɖe mɔ nam matso ta le enu!”
Ke fia la gblɔ be, “Nya kae le nye kple miawo, Zeruya ƒe viwo, dome? Ne ele ɖiŋu dom elabena Yehowae gblɔ nɛ be, ‘Ƒo fi de David’ la, ame ka ate ŋu abia be, ‘Nu ka ta nèle nu sia wɔm ɖo?’ ”
David gblɔ na Abisai kple eŋumewo be, “Vinye, ame si nye nye ŋutɔ nye ŋutilã la, le agbagba dzem be yeawum, ekema nu ka Benyamintɔ sia mawɔ o? Zi kpi kpɔe wòaƒo fi dem elabena Yehowae ɖoe nɛ. Alo ɖewohĩ Yehowa akpɔe be edo ɖiŋu nam dzodzro eye wòayram le eƒe fiƒodewo ta.”
Ale David kplɔ eƒe amewo yi mɔzɔzɔ la dzi eye Simei hã nɔ zɔzɔm ɖe wo ŋu le togbɛa ƒe akpa kemɛ. Enɔ fi ƒom de David, nɔ kpe damii eye wònɔ ke wum ɖe yame ɖe wo ŋu. Ɖeɖi te Fia la kple eŋumewo katã ŋu azɔ, esime woɖo Bahurim ale wotɔ ɖe afi ma hegbɔ ɖe eme sẽe.
Husai kple Ahitofel ƒe aɖaŋuɖoɖowo
Le ɣeyiɣi sia me la, Absalom kple Israelviwo va ɖo Yerusalem; Ahitofel hã nɔ wo ŋu. Esi David xɔlɔ̃, Husai, Arkitɔ la va ɖo la, eyi Absalom gbɔ enumake eye wòdo gbe nɛ be, “Fia nenɔ agbe tegbee. Fia nenɔ agbe tegbee!”
Absalom biae be, “Aleae nàwɔ ɖe xɔwò, David ŋue nye sia? Nu ka ta mègale egbɔ o?”
Husai ɖo eŋu na Absalom be, “Elabena ame si Yehowa kple Israel tia lae mewɔa dɔ na. Nu ka ta nyemawɔ nenema o? Mekpe ɖe fofowò ŋu. Azɔ la, makpe ɖe ŋuwò.”
Absalom trɔ ɖe Ahitofel gbɔ eye wòbiae be, “Nu ka magawɔ azɔ?”
Ahitofel ɖo eŋu na Absalom be, “Yi nàdɔ fofowò ƒe ahiãviwo gbɔ elabena egblẽ wo ɖe afi sia be woakpɔ fiasã la dzi. Ekema Israel blibo la anya be, èdo vlo fofowò ale gbegbe be ame aɖeke magate ŋu adzra mia dome ɖo o. Ekema ame sia ame adze yowòme.” Ale wotu agbadɔ aɖe ɖe fiasã la ƒe xɔta ƒe gbadzaƒe, afi si ame sia ame ate ŋu akpɔ nu le. Absalom yina ɖadɔa fofoa ƒe ahiãviwo gbɔ le agbadɔ la me le Israel blibo la ŋkume.
Le ŋkeke mawo me la, Ahitofel ƒe aɖaŋu si wòɖona la nɔna abe Mawu gbɔe wobia gbe le ene, ale David kple Absalom siaa dea bubu Ahitofel ƒe aɖaŋuɖoɖowo ŋu.
Azɔ la, Ahitofel gblɔ na Absalom be, “Na ame akpe wuievem ne míati David yome le zã sia me. Madze edzi esi ɖeɖi te eŋu eye wògbɔdzɔ. Made vɔvɔ̃ lãme nɛ ekema eŋumewo katã asi, agblẽe ɖi. Mawu fia la ɖeɖe ko, eye makplɔ ame bubuawo katã vɛ na wò. Ame si dim nèle ƒe ku la anye ame bubuawo ƒe tɔtrɔ gbɔ; nuvevi mawɔ ame bubuawo dometɔ aɖeke o.”
Absalom kple Israel ƒe ametsitsiwo katã lɔ̃ ɖe ɖoɖo sia dzi. Ke Absalom gblɔ be, “Mina míabia Husai, Arkitɔ la, nu si wòbu tso ɖoɖo sia ŋu.”
Esi Husai va ɖo la, Absalom gblɔ nya si Ahitofel gblɔ la nɛ eye wòbia Husai be, “Aleke nèbu tso ɖoɖo sia ŋu? Ɖe míazɔ ɖe Ahitofel ƒe aɖaŋu nua? Ne mèda asi ɖe edzi o la, ekema gblɔ nu si nèbu be míawɔ la na mí.”
Husai ɖo eŋu na Absalom be, “Mebu be azɔ ya la, Ahitofel da ƒu. Ènya fofowò kple eƒe amewo nyuie, ènya be wonye aʋawɔla sesẽwo. Ɖewohĩ David ƒe mo nyra ɖa abe sisiblisinɔ si ƒe viwo wofi le egbɔ la ene. Aʋawɔla xɔŋkɔ, kpɔnuteƒee fofowò nye, ne zã do la, mamlɔ aʋawɔlawo dome o. Ɖewohĩ ebe ɖe do alo agado aɖe me ɖa xoxo! Ne edo va dze mia dzi eye wòwu miaƒe ame aɖewo la, vɔvɔ̃ aɖo wò aʋawɔlawo eye ame sia ame ade asi ɣlidodo me be wosi aʋakɔ si kplɔ Absalom ɖo. Ekema wò kalẽtɔwo kekeake gɔ̃ hã, nenye dzata ƒe dzie le dɔ me na wo gɔ̃ hã la, vɔvɔ̃ ana woatsi teƒe ɖeka elabena Israel blibo la nya be fofowò bi ɖe aʋawɔwɔ me eye eƒe asrafowo hã nye kalẽtɔwo.
“Nu si mebue nye be nàƒo Israel dukɔ blibo la ƒe aʋakɔ la nu ƒu tso keke Dan va se ɖe Beerseba ale be aʋakɔ gã aɖe nanɔ asiwò. Mebu hã be wò ŋutɔ nàkplɔ aʋakɔ la. Ekema ne mieke ɖe David ŋu la, miate ŋu atsrɔ̃ eƒe aʋakɔ blibo la ale be ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã masusɔ anɔ agbe o. Ne David si yi du aɖe me la, Israel ƒe aʋakɔ blibo la anɔ wò kpɔkplɔ te, miatsi kawo ɖe dua ƒe gliwo ŋu eye miahe gliawo ayi aɖakɔ ɖe balime si te ɖe eŋu la me va se ɖe esime kpe aɖeke maganɔ kpe dzi o.”
Tete Absalom kple Israelviwo katã gblɔ be, “Husai, Arkitɔ la ƒe aɖaŋu nyo wu Ahitofel tɔ.” Esia va eme elabena Yehowa ɖo be, yeagblẽ Ahitofel ƒe aɖaŋu, si nye nyuitɔ boŋ hafi la me ale be yeahe dzɔgbevɔ̃e va Absalom dzi. Husai gblɔ na nunɔla Zadok kple Abiata bena; Ale kple ale Ahitofel ɖo aɖaŋu na Absalom kple Israel ametsitsiwo kple eya ŋutɔ tɔ na nunɔlawo. Egblɔ na wo be, “Afɔ netsɔ! Midi David enumake eye miagblɔ nɛ be, meganɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe tɔtsoƒe le zã sia me o ke boŋ ele be wòatso tɔsisi la enumake ayi gbedzi le tɔsisi la godo. Ne mewɔ alea o la, eya ŋutɔ kple eƒe aʋakɔ la katã atsrɔ̃.”
Yonatan kple Ahimaaz nɔ En Rogel ale be amewo makpɔ wo ne woge ɖe dua me alo wodo go le dua me o. Wowɔ ɖoɖo kple nyɔnudɔla aɖe be wòayi aɖagblɔ nya si woagblɔ na David la na wo. Ke esi wodzo le En Rogel yina David gbɔ la, ŋutsu aɖe kpɔ wo eye wòyi ɖagblɔe na Absalom. Le ɣeyiɣi sia me la, wosi yi Bahurim eye ŋutsu aɖe ɣla wo ɖe eƒe vudo me le eƒe aƒe godo. Ŋutsua srɔ̃ ɖo avɔ aɖe ɖe vudo la nu eye wosia bli ɖe avɔ la dzi ale be ame aɖeke mabu be woanɔ afi ma o.
Esi Absalom ƒe amewo va nyɔnu la gbɔ la, wobia be, “Afi ka Ahimaaz kple Yonatan wole?”
Nyɔnu la gblɔ na wo be, “Wotso tɔʋu la xoxo.” Ameawo di wo gake womekpɔ wo o, ale wotrɔ yi Yerusalem.
Ame eveawo do le vudo la me eye woɖe abla yi Fia David gbɔ. Wogblɔ nɛ be, “Afɔ netsɔ! Tso Yɔdan tɔsisi la le zã sia me.” Wogblɔ ale si Ahitofel ɖo aɖaŋu na Absalom be wòalée, awui la hã nɛ. Ale David kple eŋumewo katã tso tɔsisi la le zã ma me eye woɖo tɔsisi la godo hafi ŋu ke.
Le ɣeyiɣi ma me la, esi Absalom do ŋukpe Ahitofel le dukɔ la ŋkume eye mexɔ eƒe aɖaŋuɖoɖo o ta la, Ahitofel de eƒe tedzi dzi eye wòyi wo de. Esi wòdzra eƒe aƒe ɖo vɔ la, ede ka ve na eɖokui. Ale Ahitofel ku eye woɖii ɖe fofoa xa.
Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, David va ɖo Mahanaim. Absalom ƒo Israel dukɔ blibo la nu ƒu eye wòkplɔ ameawo wonɔ tɔsisi la tsom. Absalom na Amasa zu aʋafia ɖe Yoab teƒe. Amasa fofoe nye Itra, Ismaeltɔ eye dadae nye Abigail, Nahas ƒe vinyɔnu, ame si nye Yoaz dada, Zeruya nɔvinyɔnu. Absalom kple Israel ƒe aʋakɔ la ƒo ƒu ɖe Gileadnyigba dzi.
Esi David va ɖo Mahanaim la, Sobi, Nahas ƒe vi si tso Amon ƒe viwo ƒe Raba kple Makir, Amiel ƒe vi si tso Lo Debar kple Barzilai, Gileadtɔ la si tso Rogelun la tsɔ abadzivɔwo, agbawo kple zewo vɛ. Wotsɔ lu kple ƒo, wɔ, bli tɔtɔe, ayi kple anyitsi, nyinotsi babla, alẽwo kple akpɔnɔ si wowɔ kple nyinotsi la hã vɛ na David kple eƒe amewo be woaɖu. Wogblɔ be, “Dɔ le ameawo wum, ɖeɖi te wo ŋu eye tsikɔ hã le wo wum le gbegbea.”
Absalom ƒe ku
David ƒo aʋawɔla siwo nɔ eŋu la nu ƒu eye wòɖe aʋakplɔlawo ɖo ame akpewo kple alafawo nu. Akpa ɖeka nɔ Yoab nɔviŋutsu, Abisai, Zeruya ƒe viŋutsu te. Akpa evelia nɔ Itai, Gititɔ la te eye Fia David ɖo be akpa etɔ̃lia nanɔ ye ŋutɔ yeƒe kpɔkplɔ te hafi, gake ameawo gbe nɛ hegblɔ be, “Mele be wò ŋutɔ nàkplɔ aʋalɔgo aɖeke o, elabena ne wòahiã be míasi eye woawu aʋalɔgo la ƒe afã la, womatsɔ ɖeke le eme o. Woanɔ wò ɖeka ko dim, eya ta enyo wu be nànɔ dua me le afi sia eye ne aɖaŋu aɖe hiã mí la, nàɖoe ɖe mí.”
Fia la ɖo eŋu be, “Enyo, mawɔ nu sia nu si nyo na mi ko.”
Ale David nɔ tsitre ɖe dua ƒe agbonu esime aʋawɔlawo katã va tso eme. Fia la gblɔ na Yoab, Abisai kple Itai be, “Mixa ɖe tanye ne miakpɔ nublanui na vinye Absalom.” Aʋawɔlawo katã se nya si fia la gblɔ na wo.
Ale David ƒe aʋakɔ la ho aʋa ɖe Israel ŋu eye wodze aʋa la gɔme le Efraim ƒe ave la me. David ƒe amewo ɖu Israel ƒe aʋakɔ la dzi. Wowu ame akpe blaeve (20,000) sɔŋ le Israelviwo dome gbe ma gbe. Ame siwo bu le avea me la sɔ gbɔ wu ame siwo wowu.
Le aʋa la me la, Absalom va do go David ƒe amewo. Esi Absalom nɔ eƒe tedzisɔ dzi si yina la, tedzisɔa to logoti aɖe ƒe alɔdzewo te eye eƒe taɖa ku alɔdze aɖe. Tedzisɔ la si dzo, do le ete le esime eya ŋutɔ tsi ɖe alɔdze la ŋu henɔ nyenyem segblesegble le yame.
David ƒe amewo dometɔ ɖeka kpɔe eye wògblɔe na Yoab bena, “Kpɔ ɖa, mekpɔ Absalom wòtsi klẽti aɖe ŋu.”
Yoab biae be, “Nyateƒea? Èkpɔe le afi ma hafi mèwui oa? Nenye ɖe nèwui la, anye ne mana klosalo ewo kple alidziblaka ewo wò.”
Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Ne àna klosalo akpe ɖeka teƒe akpe ɖekam hã la, nyemawui o. Mí katã míese fia la wògblɔ na wò kple Abisai kple Itai be, ‘Le tanye la, migawɔ nuvevi aɖeke vinye Absalom o.’ Ne magbe nyemawɔ fia la ƒe gbe dzi o eye mawu via la, fia la ava nya ame si wu via kokoko eye wòe anye ame gbãtɔ si atsɔ nya ɖe ŋunye.”
Yoab gblɔ be, “Migagblẽ ɣeyiɣi nam o.” Tete wòtsɔ akplɔ etɔ̃ ɖe asi eye wòtsɔ wo nyrɔ ɖe Absalom ƒe dzi gbɔ, le esime wònɔ nyenyem segblesegble le logoti la ƒe alɔdze ŋu. Yoab ƒe akpoxɔnutsɔla ewo, ame siwo ƒo xlã Yoab ɣe ma yi hafi la lũ ɖe Absalom dzi hewui.
Tete Yoab ku kpẽ eye eƒe amewo dzudzɔ Israel ƒe aʋawɔlawo nyanya. Woda Absalom ƒe kukua ɖe do globo aɖe me le avea me eye woli kɔ kpe geɖewo ɖe edzi. Israel ƒe aʋawɔlawo si yi woƒe aƒewo me.
Absalom tu ŋkuɖodzikpe aɖe na eɖokui le eƒe agbenɔɣi ɖe Fia ƒe Balime elabena egblɔ be, “Viŋutsu aɖeke mele asinye si ana nye ŋkɔ natsi anyi o.” Ena ŋkɔe be “Absalom ƒe Ŋkuɖodzikpe.” Wogayɔnɛ nenema egbegbe.
David fa Absalom
Zadok ƒe vi, Ahimaaz gblɔ be, “Na maƒu du ayi aɖagblɔ dzidzɔnya la na David be Yehowa ɖee tso eƒe futɔ, Absalom ƒe asi me.”
Yoab gblɔ nɛ be, “Ao, manye dzidzɔnya na fia la be via ŋutsu ku o; nyemele dɔwòm ɖe afi aɖeke o.”
Yoab gblɔ na ŋutsu aɖe si tso Kus be, “Yi nàgblɔ nu si nèkpɔ la na fia la.” Ŋutsu la de ta agu eye wòdzo.
Ke Zadok vi Ahimaaz gagblɔ na Yoab be, “Ne nu sia nu le dzɔdzɔm hã la, maƒu du adze Kusitɔ la yome.”
Yoab ɖo eŋu be, “Vinye, nu ka ta nèdzi be yeayi ɖo? Nya bubu aɖeke megali míagblɔ aɖo ɖe o eye ame aɖeke mele dɔtsɔho xe ge na wò o.”
Ahimaaz gaɖe kuku be, “Ele eme nenema gake na mayi ko.”
Yoab gblɔ azɔ be, “Enyo, heyi.” Ahimaaz to mɔ kpui aɖe si to gbadzaƒe la eye wòtre ɖoɖo na ŋutsu si tso Kus. David nɔ anyi ɖe dua ƒe agbo eve, egodotɔ kple emetɔ dome le ɣe ma ɣi me. Esi gbetakpɔla la lia gli la yi gbeta kpɔ ge la, ekpɔ ame ɖeka wònɔ du dzi gbɔna wo gbɔ. Edo ɣli gblɔ nya la na David.
Fia la ɖo eŋu be, “Nenye eya ɖekae la, ekema nya aɖe le esi.” Esi dɔla la te ɖe wo ŋu la.
Gbetakpɔla la hã kpɔ ame bubu; eya hã nɔ du dzi gbɔna wo gbɔ. Edo ɣli gblɔ be, “Ame bubu aɖe hã gbɔna.”
Fia la ɖo eŋu be, “Ɖewohĩ eya hã anya tsɔ nya nyui aɖe gbɔnae.”
Gbetakpɔla la gblɔ nɛ be, “Ame gbãtɔ ɖi Ahimaaz, Zadok ƒe vi.”
Fia la ɖo eŋu be, “Ame nyuie; etsɔ nya nyui gbɔnae.”
Tete Ahimaaz do ɣli gblɔ na Fia la be, “Nu sia nu dze edzi nyuie!” Ebɔbɔ, de ta agu heyi edzi be, “Woakafu Yehowa, wò Mawu la ame si tsrɔ̃ aglãdzela siwo tsi tsitre ɖe ŋuwò.”
Fia la bia be, “Vinye Absalom ɖe? Ele dediea?”
Ahimaaz ɖo eŋu be, “Esi Yoab gblɔ nam be mava la, ameawo nɔ ɣli dom hoo, ke nyemenya nu si tututue dzɔ o.”
Fia la gblɔ na Ahimaaz be, “Lala le afi sia” Ale Ahimaaz dze ɖe axadzi.
Kustɔ la va do eye wògblɔ be, “Mehe nya nyui aɖe vɛ na nye aƒetɔ kple nye fia. Egbe la, Yehowa ɖe wò tso ame siwo katã tso ɖe ŋuwò la ƒe asi me.”
Fia la bia Kustɔ la be, “Vinye Absalom ɖe? Ele dediea?”
Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ fia, wò futɔwo katã nanɔ abe ale si ɖekakpui ma le fifia ene!”
Fia la de asi avifafa me enumake. Eyi eƒe xɔ me le xɔ tame. Efa avi hegblɔ be, “Oo, vinye Absalom, vinye, vinye Absalom, ɖe maku ɖe nuwò hafi! Oo, Absalom, vinye, vinye!”
Du ɖo Yoab gbɔ kaba be fia la nɔ avi fam na Absalom. Esi amewo se be fia la nɔ nu xam vevie la, gbe ma gbe ƒe dzidzɔ le woƒe dziɖuɖu wɔnuku la ta trɔ zu nuxaxa gã aɖe. Aʋakɔ blibo la te ɖɔɖɔɖɔ va dua me abe ɖe woɖu wo dzi eye wogbɔ kple ŋukpe ene.
Fia la tsyɔ asi mo, nɔ avi fam henɔ gbɔgblɔm be, “Oo, vinye Absalom, oo, Absalom, vinye, vinye!” Yoab yi Fia la gbɔ le eƒe xɔ me eye wògblɔ nɛ be, “Míeɖe wò ŋutɔ, viwò ŋutsuwo, viwò nyɔnuwo, srɔ̃wòwo kple wò ahiãviwo ƒe agbe egbe, ke èle nu wɔm ale eye nèna ŋukpe lé mí abe vo aɖee míeda ene. Èle fiafiam be yelɔ̃ ame siwo lé fu ye eye yelé fu ame siwo lɔ̃ ye. Edze abe míexɔ asi le gbɔwò kura o ene. Nenye ɖe Absalom le agbe eye mí katã míeku la, anye ne àkpɔ dzidzɔ. Azɔ, do go nàda ŋkɔ ɖe wò aʋawɔlawo dzi elabena metsɔ Yehowa ka atam be ne mèyi ɖakafu wo o la, wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã matsi afi sia le zã sia me o. Ekema àxaxa azɔ wu ale si nèxaxa kpɔ le wò agbenɔnɔ blibo la me.”
Fia la tso eye wòyi ɖanɔ dua ƒe agbonu. Esi amewo se be, “Fia la nɔ anyi ɖe dua ƒe agbonu” la, wo katã va ƒo ƒu ɖe eŋu.
Le ɣeyiɣi sia me la, Israel ƒe aʋawɔlawo katã ka hlẽ: ame sia ame yi eya ŋutɔ ƒe aƒe me.
David trɔ yi Yerusalem
Wode asi nyahehe me le wo ɖokuiwo dome henɔ gbɔgblɔm be, “Fia David ɖe mí tso míaƒe futɔwo ƒe asi me. Eɖe mí tso Filistitɔwo ƒe asi me, ke azɔ la esi le Absalom nu eye wòdzo le anyigba la dzi. Míesi ami na Absalom abe míaƒe fia ene, ke wowui le aʋa me. Ekema nu ka ta ame aɖeke madze agbagba ana Fia David natrɔ agbɔ o?”
Fia David ɖo du sia ɖe Zadok kple Abiata, ame siwo nye nunɔlawo la be, “Mibia Yuda ƒe ametsitsiwo be, ‘Nu ka ta miawoe anye ame mamlɛtɔ siwo agbugbɔ fia la va eƒe fiasã la me esi nya si gblɔm wole le Israelnyigba blibo la dzi la ɖo fia la gbɔ le eƒe nɔƒe? Miawoe nye nɔvinyewo, nye ŋutɔ nye ŋutilã kple ʋu eya ta nu ka ta miawoe anye ame mamlɛtɔ agbugbɔ Fia la vɛ?’ Migblɔ na Amasa be, ‘Menye nye ŋutɔ nye lã kple ʋue nènye oa? Mawu nafiam, agafiam ɖe edzi wu, ne tso azɔ dzi yina la, wò Amasa, manye aʋafia na nye aʋakɔ la ɖe Yoab teƒe o fĩi.’ ” Amasa ɖe nya me na Yuda ƒe kplɔlawo katã eye wolɔ̃ abe ame ɖeka ene. Woɖo du ɖe fia la be, “Gbugbɔ va mía gbɔ kple ŋuwòmewo katã.”
Ale fia la dze mɔ ɖo ta Yerusalem. Esi wòva ɖo Yɔdan tɔsisi la to la, edze abe ame siwo katã le Yuda la, ɖe wova Gilgal be yewoakpee, akplɔe atso tɔsisi lae ene! Simei, Benyamintɔ, Gera ƒe vi, ame si tso Bahurim la ɖe abla tso tɔsisi la kple ame siwo tso Yuda be yewoado dzaa na Fia la. Ame akpe ɖeka tso Benyamin ƒe viwo dome nɔ eŋu. Ziba, Saul ƒe subɔla kple Ziba ƒe viŋutsu wuiatɔ̃ kple subɔla blaeve hã nɔ ame siawo dome. Woyi Yɔdan tɔsisi la to be yewoatre afi ma ɖoɖo na fia la. Wo katã wona kpekpeɖeŋu fia la kple eƒe aƒemetɔwo kple aʋawɔlawo eye wokpe ɖe wo ŋu ale si woate ŋui. Esi fia la va yina la, Simei, Gera ƒe vi mlɔ anyigba le eŋkume eye wòɖe kuku nɛ be, “Nye aƒetɔ kple fia, meɖe kuku na wò, tsɔ nu vɔ̃ɖi siwo mewɔ esi nèdzo le Yerusalem la kem eye nàŋlɔ wo be elabena medze si nye nu vɔ̃ eya ta meva afi sia egbe. Nyee nye ame gbãtɔ tso Yosef ƒe to la me be mado dzaa na wò nye aƒetɔ la egbea.”
Abisai, Zeruya ƒe vi, bia be, “Ɖe womawu Simei esi wòƒo fi de Yehowa ƒe amesiamina la oa?”
David blu ɖe eta gblɔ be, “Nya kae le nye kple mi Zeruya ƒe viwo dome? Egbe miezu nye futɔwo. Ɖe wòle be woawu ame aɖe le Israel egbea? Ɖe mènya be egbea menye fia le Israel oa?”
Fia la trɔ ɖe Simei ŋu eye wògblɔ be, “Mana nànɔ agbe.” Ale fia la ka atam ɖe nya sia dzi nɛ.
Mefiboset, Saul ƒe tɔgbuiyɔvi hã yi be yeakpe fia la. Tso gbe si gbe fia la dzo va se ɖe esime wòtrɔ gbɔ dedie la, Mefiboset meklɔ eƒe afɔwo alo fɔ eƒe nuge dzi loo alo nya eƒe awuwo o. Esi wòtso Yerusalem va be yeakpe fia la la, fia la biae be, “Nu ka ta mèyi kplim o, Mefiboset?”
Eɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ kple nye fia, nye subɔla Zibae blem. Megblɔ nɛ be, bla akpa na nye tedzi nam ale be mate ŋu ayi kple fia la! Wò ŋutɔ ènya be tekunɔe menye. Ke Ziba gblẽ nye ŋkɔ gblɔ be, ɖe megbe koŋ be nyemava o. Ke menya be èle abe mawudɔla ene eya ta wɔ nu si nyo na wò. Ku koe nye kple nye ƒometɔwo katã míakpɔ mɔ na tso gbɔwò hafi, ke le esia teƒe la, ède bubu ŋunye le ame siwo katã ɖua nu kpli wò le kplɔ̃ ŋu la dome! Ekema, nu ka ta malĩ liʋĩliʋĩ?”
David gblɔ be, “Enyo, nye ɖoɖoe nye be wò kple Ziba miama anyigba la sɔsɔe ɖe mi ame evea dome.”
Ke Mefiboset gblɔ na fia la be, “Tsɔ anyigba la katã nɛ: nye aƒetɔ ƒe tɔtrɔgbɔ ɖeɖe sɔ gbɔ nam!”
Barzilai, Gileadtɔ la hã tso Rogelim va be yeatso Yɔdan tɔsisi la kple fia la eye wòayi eƒe mɔ dzi tso afi sia. Azɔ la, Barzilai nye amegãɖeɖi aɖe: exɔ ƒe blaenyi. Ekpɔ fia la dzi le esime wònɔ Mahanaim elabena enye hotsuitɔ gã aɖe ŋutɔ.
Fia la gblɔ na Barzilai be, “Tso tɔsisi la kplim eye nàva nɔ Yerusalem; makpɔ dziwò le afi ma.” Ke Barzilai ɖo eŋu na fia la be, “Ƒe nenie gasusɔ nam be manɔ agbe hafi magakplɔ wò ɖo ayi Yerusalem? Egbe mexɔ ƒe blaenyi; ɖe magate ŋu ade vovototo nu si nyo kple nu si menyo o la domea? Ɖe nuɖuɖu kple nunono agasɔ aɖe dzi na wò dɔla abe tsã enea? Alo ɖe ŋutsu kple nyɔnu hadzihawo ƒe ha agasɔ to me nam abe tsã enea? Nu ka wɔ nye aƒetɔ, fia la aɖe mɔ be nye, wò dɔla, mazu agba na wò? Ke wò dɔla atso Yɔdan tɔsisi la kpli wò, ade afɔ mɔ me na wò ʋɛe. Ke nu ka ta fia la natsɔ fetu geɖe sia nam ɖo? Meɖe kuku, na wò dɔla natrɔ adzo, ale be maku ɖe mía dedu me be mate ɖe fofonye kple danye ƒe yɔdowo ŋu. Ke wò dɔla, Kimham, nye esi; na wòakplɔ nye aƒetɔ fia la ɖo, be wòawɔ nu sia nu si nyo eye wòdze la na wò.”
Fia la gblɔ be, “Kimham atso tɔ la kplim eye mawɔ nu sia nu si nèdzro la nɛ eye mawɔ nu sia nu si nèdzro la na wò.”
Ale ameawo katã tso Yɔdan tɔsisi la kple fia la. Fia la kpla asi kɔ na Barzilai, yrae eye Barzilai trɔ yi aƒe.
Fia la kplɔ Kimham ɖe asi eye woyi Gilgal. Ame geɖewo tso Yuda kple Israelviwo ƒe afã nɔ afi ma be yewoaxɔe.
Ke Israelviwo fa konyi na fia la be ame siwo tso Yuda koe kpe ɖe eya ŋutɔ kple eƒe aƒemetɔwo ŋu le Yɔdan tɔsisi la tsotso me.
Yuda ƒe viwo ɖo eŋu be, “Nu kae gblẽ le nu sia ŋu? Míaƒe to la mee fia la tso, nu ka ta nu sia ado dɔmedzoe na mi? Míexɔ ga aɖeke le esi o. Mena nuɖuɖu alo nunana aɖeke mí o!”
Israelviwo ɖo eŋu be, “To ewoe le Israel eya ta míawo tɔe nye teƒe ewo le fia la ƒe nyawo me. Nu ka ta miekpe míaƒe ame mamlɛawo o? Miɖo ŋku edzi be míawoe nye ame gbãtɔ siwo do susua ɖa be míana wòatrɔ agbɔ agava nye míaƒe fia.”
Wohe nya sia ɣeyiɣi didi aɖe, ke Yuda ŋutsuwo ƒe nyawo ɖu Israel ŋutsuwo tɔwo dzi.
Seba dze aglã ɖe David ŋu
Seba nye yakame aɖe eye wòganye Bikri, Benyamintɔ la ƒe vi. Eku kpẽ eye wòdo ɣli be,
“Migbugbɔ le David yome!
Migadze eyome o, Israel ŋutsuwo, mina míadzo:
menye míaƒe fiae o!”
Ke Israel ŋutsuwo katã gblẽ David ɖi eye wodze Seba, Bikri vi yome! Ke Yuda ŋutsuwo nɔ woƒe fia la ŋu eye wokplɔe tso Yɔdan tɔsisi la ŋu yi Yerusalem.
Esi wòɖo eƒe fiasã me le Yerusalem la, ede se be woaɖe yeƒe ahiãvi ewo siwo yegblẽ ɖi be woakpɔ fiasã la dzi la ɖe aga, woakpɔ wo dzi le go ɖe sia ɖe me gake yemagadɔ wo gbɔ abe yeƒe ahiãviwo ene o. Ale wotrɔ zu abe ahosiwo ene va se ɖe woƒe kugbe.
Fia la gblɔ na Amasa be wòaƒo Yuda ƒe aʋawɔlawo nu ƒu le ŋkeke etɔ̃ me eye wòana yeanya. Ale Amasa yi ɖana nyanya aʋawɔlawo gake nu sia wɔwɔ xɔ wu ŋkeke etɔ̃ si wonae.
David gblɔ na Abisai be, “Azɔ Seba, Bikri vi awɔ nuvevi mí wu nu si Absalom wɔ. Netsɔ! Wò kple nye dɔlawo miti eyome hafi wòaɖo du aɖe si woɖo gli ƒo xlãe la me eye míaƒe asi magate ŋu asu edzi o.”
Ale Abisai kple Yoab kple ame ɖeka tso Yoab ƒe aʋawɔlawo dome kple fia la ŋutɔ ŋudzɔla dze Seba, Bikri vi la yome. Esi wova ɖo agakpe gã si le Gibeon gbɔ la, wodo go Amasa. Yoab do aʋawu eye adekpui si nɔ aku me la, nɔ eƒe alidziblaka ŋu. Esi wòɖe zɔ la, eɖe adekpui la le eƒe aku me. Yoab te ɖe Amasa ŋu hebiae be, “Èfɔa?” Yoab ku asi Amasa ƒe ge me kple ɖusi abe ɖe wòdi be yeagbugbɔ nu nɛ ene. Amasa mekpɔ yi ɖaɖɛ si Yoab lé kple miasi la o. Ale Yoab nyrɔ yi la ɖe dɔme nɛ flo, eƒe dɔmenuwo kaka ɖe anyigba eye wòku ɖe afi ma enumake. Yoab kple nɔvia Abisai gblẽe ɖe afi ma eye woti Seba, Bikri vi la yome.
Yoab ƒe aʋakplɔlawo dometɔ ɖeka do ɣli gblɔ na Amasa ƒe aʋawɔlawo be, “Ne miele David dzi la, ekema miva dze Yoab yome.”
Ke Amasa ƒe kukua mlɔ eƒe ʋu me le mɔa titina. Esi Yoab ƒe aʋakplɔlawo kpɔ be ameawo nɔ ƒu ƒom na ame kuku la kpɔkpɔ la, wohe ame kuku la tso mɔa dzi do ɖe gbe me eye wotsɔ awu aɖe tsyɔ edzi. Esi wohe ame kuku la le mɔa dzi la, ame sia ame dze Yoab yome be yewoalé Seba, Bikri vi la.
Le ɣeyiɣi sia me la, Seba zɔ to Israelnyigba dzi be yeaƒo aʋakɔ aɖe nu ƒu tso eya ŋutɔ ƒe hlɔ̃, Bikri hlɔ̃ la me le Abel Bet Maka dua me. Esi Yoab ƒe aʋawɔlawo va ɖo la, woɖe to ɖe Seba le Abel Bet Maka, ƒu kpo ɖe dua ŋu tso anyigba yi gli la tame eye wode asi gli la gbagbã me.
Ke nyɔnu nyanu aɖe tso dua me yɔ Yoab gblɔ nɛ be, “Va afii, na míaɖo dze.” Esi wòte ɖe eŋu la, nyɔnu la biae be, “Wòe nye Yoab la?”
Yoab ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyee.”
Nyɔnu la gblɔ be, “Ɖo to wò dɔlanyɔnu ƒe nya.”
Ke Yoab be, “Mele to ɖom wò nya.”
Nyɔnu la gblɔ nɛ be, “Wonɔ nya aɖe gblɔm tsã be, ‘Ne èdi be yeawu nyahehe aɖe nu la, ekema bia aɖaŋu le Abel,’ elabena míeɖoa aɖaŋu nyui na ame ɣe sia ɣi. Èle du tsitsi aɖe si me nɔlawo lɔ̃a ŋutifafa eye wowɔa nuteƒe na Israel la gbãm. Ɖe nàgblẽ nu si nye Yehowa tɔa?”
Yoab ɖo eŋu be, “Mele eme nenema kura o, nu si dim mele koe nye ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Seba, Bikri vi; etso Efraim ƒe tonyigba la dzi. Etso ɖe Fia David ŋu eya ta ne miatsɔe ade asi na mí la, ekema míaɖe asi le dua ŋu le ŋutifafa me.”
Nyɔnu la gblɔ be, “Enyo, míada eƒe ta do ɖe mi to gli la ta.”
Ale nyɔnu la yi ameawo gbɔ kple eƒe aɖaŋu nyui la. Wotso ta le Seba, Bikri vi la nu eye woda eƒe ta la to gli la ta ɖo ɖe Yoab. Enumake Yoab ku kpẽ; ena ameawo dzudzɔ dua gbagbã eye wotrɔ yi fia la gbɔ le Yerusalem.
David subɔlawo
Yoab nye aʋafia gãtɔ Israelʋakɔ la.
Benaya nɔ fia la ŋu dzɔlawo, Keretitɔwo kple Peletitɔwo nu.
Adoram kpɔa dɔwɔlawo dzi.
Yehosafat, Ahilud ƒe vi, nye nyadzɔdzɔwo ŋlɔla,
Seve nye nuŋlɔla
eye Zadok kple Abiata nye nunɔlawo.
Ira, Yairtɔ la nye nunɔla le David ŋutɔ ƒe gbedoxɔ me.
David bia hlɔ̃ na Gibeontɔwo
Dɔ to ƒe etɔ̃ sɔŋ le David ƒe fiaɖuɣi. David do gbe ɖa na Yehowa ɖe eta eye Yehowa gblɔ na David be, “Dɔ sia to le Saul kple eƒe ƒometɔwo ƒe nu vɔ̃wo ta elabena wowu Gibeontɔwo.”
Ale Fia David yɔ Gibeontɔwo ƒo ƒu. Womenye Israelviwo o, ke boŋ wonye Amoritɔ siwo susɔ. Israel ka atam be yemawu wo o, ke Saul di be yeatsrɔ̃ wo le ŋuʋaʋã ɖe Israel kple Yuda nu ta.
David bia wo be, “Nu ka mate ŋu awɔ na mi be nu vɔ̃ sia naɖe ɖa le mia dzi eye wòana miabia Mawu be wòayra mi?”
Gibeontɔwo ɖo eŋu be, “Ga mawɔ naneke tso nya sia ŋu o eye míedi be woatsɔ hlɔ̃biabia awu Israelviwo hã o.”
David bia be, “Ekema nu ka mawɔ? Migblɔe nam ko eye mawɔe na mi.”
Woɖo eŋu na fia la be, “Le ame si tsrɔ̃ mí eye wòɖo nugbe ɖe mía ŋu, na wowu mía dometɔ aɖewo eye teƒe aɖeke mele mía si le Israel ƒe akpa aɖeke o ta la, na woatsɔ via ŋutsu adre na mí eye míawu wo le Yehowa ŋkume le Gibea si nye Saul, Yehowa ƒe ame tiatia la ƒe du la me.”
Fia la gblɔ be, “Matsɔ wo na mi.”
Ena Yonatan ƒe viŋutsu Mefiboset, ame si nye Saul ƒe tɔgbuiyɔvi la tsi agbe le atam si eya kple Yonatan ka na wo nɔewo la ta. Ke etsɔ Rizpa ƒe viŋutsu eveawo, Armoni kple Mefiboset ame siwo nye Saul ƒe tɔgbuiyɔviwo to srɔ̃a Aya dzi la na wo. Eɖe asi le Saul ƒe vinyɔnu Merab ƒe viŋutsu atɔ̃ siwo wòdzi na Adriel si nye Barzilai, Meholatitɔ la hã ŋu na wo. Gibeontɔwo he wo ɖe ati ŋu le toa dzi le Yehowa ŋkume. Ale wo ame adreawo katã ku zi ɖeka le luxaɣi la ƒe gɔmedzedze.
Rizpa, Aya ƒe vinyɔnu, ame si nye ŋutsu eveawo dada la keke akpanya ɖe agakpe aɖe dzi eye wònɔ afi ma le viawo ƒe kukuawo gbɔ tso nuxaɣi va se ɖe tsidzaŋɔli la, ale be akagawo mavuvu wo le ŋkeke me o eye lã wɔadãwo hã maɖu wo le zã me o. Esi David se nu si Rizpa, Aya ƒe vinyɔnu, Saul ƒe ahiãvi wɔ la, eyi ɖaxa Saul kple Yonatan ƒe ƒuwo le Yabes Gileadtɔwo gbɔ. Yabes Gileadtɔwo fi wo le ablɔ me le Bet Sean, afi si Filistitɔwo tsi woƒe kukuawo ɖo le gbe si gbe wowu Saul le Gilboa to la dzi. David lɔ Saul kple Yonatan ƒe ƒuwo eye wòƒo ƒu Saul ƒe vi adreawo hã ƒe ƒuwo. Woɖi Saul kple Yonatan ƒe ƒuwo ɖe Saul fofo, Kis ƒe yɔdo la me le Zela, le Benyaminyigba dzi eye wowɔ nu siwo katã fia la ɖo da ɖi. Le esia megbe la, Mawu se woƒe gbedodoɖa eye wòtsi dɔwuame la nu.
Israelviwo wɔ aʋa kple Filistitɔwo
Filistitɔwo gaho aʋa ɖe Israelviwo ŋu gbe ɖeka. David kple eƒe amewo wɔ aʋa la ale gbegbe be ɖeɖi te David ŋu eye wògbɔdzɔ. Filistitɔwo ƒe ame dzɔatsu aɖe si nye Rafa ƒe dzidzimevi, Isbi Benob, ame si ƒe akplɔ ƒe akɔbliteƒe kpe wu kilogram wuieve la, do gawu yeye aɖe hã. Egblɔ be yele David wu ge. Ke Abisai, Zeruya ƒe vi xɔ nɛ eye wòwu Isbibenɔb, Filistitɔ la. Le esia megbe la, David ƒe amewo gblɔ nɛ be, “Màgayi aʋa kpli mí azɔ o! Nu ka ta míaɖe mɔ Israel ƒe kekeli natsi?”
Emegbe, le aʋa aɖe me kple Filistitɔwo le Gob la, Sibekai, Husatitɔ la wu Saf si tso Rafa ƒe dzidzimeviwo dome.
Le aʋa bubu si wogawɔ kple Filistitɔwo le Gob la, Elhanan, Yair Betlehemtɔ ƒe vi wu Goliat si nye Gititɔ, ame si ƒe akplɔti lolo abe ati si le avɔlɔ̃lawo ƒe agbati me ene.
Le aʋa bubu aɖe si wowɔ le Gat me la, ame dzɔatsu aɖe si to asibidɛ ade ɖe asi ɖeka kple afɔbidɛ ade ɖe afɔ ɖeka, wo katã le blaeve-vɔ-ene eye eya hã tso Rafa ƒe dzidzime la ɖu fewu le Israel ŋu ale Yonatan, ame si nye, David nɔviŋutsu Simea ƒe vi la wui.
Ame ene siawo nye Rafa ƒe dzidzimeviwo tso Gat eye wotsi David kple eƒe amewo ƒe asi me.
David ƒe kafukafuha
David dzi ha sia na Yehowa le esime wòɖee tso Saul kple eƒe futɔ bubuawo ƒe asi me. Egblɔ be:
“Yehowae nye nye agakpe,
nye mɔ kple nye xɔnametɔ.
Nye Mawu nye nye agakpe, eyae mesi tso,
nye akpoxɔnu kple ɖeɖe ƒe ŋusẽ.
Nye mɔ sesẽ, nye sitsoƒe kple nye ɖela
èɖem le nye futɔwo katã ƒe asi me.
“Meyɔ Yehowa, ame si dze na kafukafu,
eɖem tso nye futɔwo katã ƒe asi me.
Ku ƒe ƒutsotsoewo ƒo xlãm,
vɔ̃ ƒe tɔɖɔɖɔwo gbã ɖe dzinye.
Tsiẽƒe ƒe kawo blam
eye ku ƒe mɔtetrewo ɖi kpem.
“Ke meyɔ Yehowa le nye xaxa me,
medo ɣli na nye Mawu be wòaɖem.
Ese nye gbe tso eƒe gbedoxɔ me ke
eye nye ɣlidodo ɖo egbɔ, ge ɖe eƒe to me.
Tete anyigba dzo nyanyanya eye wòʋuʋu;
dziƒo ƒe agunuwo ke hã ʋuʋu heyeheye
eye wodzo kpekpekpe elabena dzi kui.
Dzudzɔ do tso eƒe ŋɔtime;
dzo ƒe aɖewo do tso eƒe nu me
eye dzoka xɔxɔwo kplɔe ɖo.
Ema dziŋgɔli ɖe eve,
wòto eme ɖi va anyi
eye lilikpo do blukɔ le eƒe afɔ te.
Ede Kerubiwo dzi eye wòdzo dzo.
Eɖo asagba ɖe ya ƒe aʋalawo dzi.
Ewɔ viviti nɔ eme abe agbadɔ ene
eye lilikpo yibɔ si dzaa tsi lae ƒo xlãe
dzoka xɔxɔwo do tso eƒe keklẽ me le eŋgɔ.
Yehowa ɖe gbe tso dziƒo;
eye Dziƒoʋĩtɔ la na wose eƒe gbe.
Eda eƒe aŋutrɔ eye wòkaka eƒe futɔwo,
eɖo dzikedzo ɖa eye wòtɔtɔ wo.
Atsiaƒu ƒe balimewo dze gaglãa
eye anyigba ƒe gɔmeɖoɖo tsi ƒuƒlu
le Yehowa ƒe nyaheɖeameŋu
kple gbɔgbɔ si do tso eƒe ŋɔtime ta.
“Edo asi ɖa tso dziƒo lém,
heɖem tso tɔ goglowo me;
tso nye futɔ ŋusẽtɔwo ƒe asi me,
tso nye ketɔwo ƒe asi me,
ame siwo sẽ wum akpa la ƒe asi me.
Woƒo ɖe dzinye le nye dzɔgbevɔ̃egbe
gake Yehowa nye nye kpeɖeŋutɔ.
Eɖem tsɔ da ɖe teƒe gbadza;
eɖem elabena nye nu nyo eŋu.
“Yehowa nɔ kplim le nye dzɔdzɔenyenye nu
eye wòwɔ nyui nam le esi nye asi me dza ta.
Melé Yehowa ƒe mɔwo me ɖe asi.
Nyemewɔ vɔ̃ hetrɔ le nye Mawu yome o;
Eƒe sewo katã le ŋkunye me;
eye nyemetrɔ le eƒe ɖoɖowo yome o.
Nyemeɖi fɔ le eŋkume o
eye mete ɖokuinye ɖa tso nu vɔ̃ gbɔ.
Eya ta Yehowa wɔ nyui nam le nye dzɔdzɔenyenye
kple esi nye asi me dza le eŋkume la ta.
“Èwɔa nuteƒe na nuteƒewɔla
eye nèfiaa ɖokuiwò fɔmaɖilae na ame si ŋu fɔɖiɖi mele o.
Ame si dza le eƒe dzi me la, èɖea ɖokuiwò fianɛ be èdza
eye nèfiaa ɖokuiwò ayetɔe ɖe ayetɔ la ŋu.
Èɖea ame siwo bɔbɔa wo ɖokui
ke wò ŋku le dadalawo ŋu,
be nabɔbɔ wo ɖe anyi.
Wò, Yehowa, wòe nye nye akaɖi!
Ènana nye viviti trɔna zua kekeli.
Mate ŋu alũ ɖe aʋakɔ dzi to wò kpekpeɖeŋu me
eye le nye Mawu ta mate ŋu ati kpo aflɔ gli.
“Mawu ya ƒe mɔwo de blibo,
Yehowa ƒe nya nye nyateƒe sɔŋ.
Enye akpoxɔnu na ame siwo tsɔe wɔ sitsoƒee.
Elabena ame kae ganye Mawu kpe ɖe Yehowa ŋu?
Ame kae ganye Agakpe? Ɖe menye míaƒe Mawu la koe oa?
Mawue nye nye mɔ sesẽ,
eyae na nye mɔ zu gbadzaa.
Ewɔ nye afɔwo abe zi tɔwo ene
eye wòna metea ŋu tsia tsitre ɖe teƒe kɔkɔwo.
Efia aʋawɔwɔ nye asiwo
eye nye asiwo ate ŋu abɔ dati si wowɔ kple akɔbli.
Ètsɔ wò dziɖuɖu ƒe akpoxɔnu la nam.
Ebɔbɔ ɖokuiwò be nàdo kɔkɔm.
Èkeke mɔ le tenye,
be nye klowo magli le tenye o.
“Meti nye futɔwo yome eye metsrɔ̃ wo;
nyemetrɔ le wo yome o, va se ɖe esime wotsrɔ̃.
Metsrɔ̃ wo gudugudu eye ɖeke magate ŋu afɔ o.
Wodze anyi ɖe nye afɔ nu
elabena wòe na ŋusẽm hena aʋa la wɔwɔ,
èna mebɔbɔ ame siwo katã
tso ɖe ŋunye la ɖe anyi.
Èna nye futɔwo trɔ megbe dem helé du tsɔ
eye metsrɔ̃ nye futɔwo.
Wodo ɣli be Yehowa naxɔ na yewo
gake ame aɖeke mexɔ na wo o
elabena Yehowa metɔ na wo o.
Metu wo, wozu abe ke ene.
Megbã wo, wokaka
abe ʋuʋudedi si le ablɔwo dzi ene.
“Èɖem tso ame siwo va dze dzinye la si me,
èkpɔ tanye abe dukɔwo ƒe fia ene;
eye ame siwo nyemenya o la dzie meɖu fia ɖo.
Ne wose ŋkɔnye ko la,
woɖoa tom eye du bubu me tɔwo gɔ̃ hã
dzona nyanyanya le nye ŋkume.
Dzi ɖena le wo katã ƒo eye wotsɔa dzodzo nyanyanya hedoa goe
le woƒe mɔ sesẽwo me.
“Yehowa li tegbee!
Woakafu nye Agakpe la!
Woado Mawu, nye Xɔla la ɖe dzi bobobo!
Eyae nye Mawu, ame si bia hlɔ̃ nam.
Etsɔ dukɔwo de nye afɔ te.
Èɖeam tso nye futɔwo ƒe asi me,
ɛ̃, èkɔm gbɔ nye futɔwo ta
eye nèɖem tso ŋutasẽlawo ƒe asi me,
eya ta ele be makafu wò, Oo Yehowa,
le dukɔwo katã dome
eye madzi kafukafuha na wò ŋkɔ.
“Ena dziɖuɖu geɖe eƒe fia la,
eye wòvea eƒe amesiamina David
kple eƒe dzidzimeviwo nu tegbee.”
David ƒe nya mamlɛtɔwo
David ƒe nya mamlɛtɔwoe nye esiawo:
“David, Yese ƒe vi le nu ƒom,
David, ame si Yehowa, do ɖe dzi,
David, Yakob ƒe Mawu ƒe amesiamina,
David, Israel ƒe Psalmo viviwo kpala.
“Yehowa ƒe Gbɔgbɔ ƒo nu to dzinye
eye eƒe nya le nye aɖe dzi.
Israel ƒe Agakpe la gblɔ nam be,
‘Ame si ɖua dzi kple dzɔdzɔenyenye
le mawuvɔvɔ̃ me la,
anɔ abe ŋdikekeli ene,
ɣe keklẽ si ŋgɔ lilikpo mexe o
si naa gbe mumu dona tso anyigba me
le ɣe keklẽ kple tsidzadza megbe ene.’
“Ɖe nye aƒe mele dzɔdzɔe le Mawu ŋkume oa?
Ɖe mebla nu mavɔ si le dedie la kplim oa?
Ɛ̃, ebla nu si meʋãna o la kplim.
Ɖe mana nye ɖeɖekpɔkpɔ nava eme
eye wòana nu sia nu si nye dzi di la,
nasu asinye oa?
Ke woaɖe ame vɔ̃ɖiwo katã ɖe aga abe ŋutiwo wonye ene.
Ŋuti si womefɔna kple asi o.
Ame si di be yeafɔ ŋuti la tsɔa nu lénɛ,
ƒoa ƒui, tɔa dzoe le afi si wòƒo ƒui ɖo.”
David ƒe kalẽtɔwo
Kalẽtɔ xɔŋkɔ etɔ̃ siwo nɔ David ƒe aʋakɔ la me woe nye esiawo:
Gbãtɔe nye Yoseb Basebet, tso Tahkemɔn, si wogayɔna be Adino, Eznitɔ la, ame si nye ame etɔ̃awo ƒe tatɔ. Ewu ame alafa enyi kpɔ le aʋakpekpe ɖeka me.
Ame Sesẽ Etɔ̃awo dometɔ eveliae nye Eleazar, Dodai ƒe vi, ame si nye Ahohitɔ. Enɔ ame etɔ̃ siwo kpe ɖe David ŋu wotɔ te Filistitɔwo le Pas Damim esime Israel ƒe aʋawɔla bubuawo katã si la dome. Ewu Filistitɔwo va se ɖe esime ɖeɖi te eƒe asi ŋu eye magate ŋu alé yi o; Yehowa na dziɖuɖu gã aɖee. Aʋawɔla mamlɛawo megatrɔ gbɔ o va se ɖe esime ɣeyiɣi ɖo hena afunyinuwo haha!
Ame si kplɔe ɖo lae nye Sama, Agee ƒe vi, tso Harar. Gbe ɖeka le aʋakpekpe aɖe kple Filistitɔwo me le teƒe aɖe si bli le fũu eye Israel ƒe aʋawɔlawo katã si la, Sama ɖeka tɔ ɖe bligble la titina eye wòxɔe hewu Filistitɔwo. Yehowa na wòɖu dzi gã aɖe.
Gbe ɖeka, esime David nɔ agado me le Adulam eye Filistitɔwo ƒe aʋawɔlawo nɔ Refaim balime la, ame etɔ̃ tso Israelviwo ƒe aʋafia xɔŋkɔtɔ blaetɔ̃ me yi ɖakpɔe ɖa le nuŋeɣi. 16 David nɔ mɔ la me eye Filistitɔwo ƒe aʋakɔ ɖo Betlehem le ɣe ma ɣi. David gblɔ kple didi be, “Tsikɔ le wunyem vevie. Oo, ne ame aɖe aku tsi tso vudo si le Betlehem ƒe agbo nu la me vɛ nam la, anyo ŋutɔ.” Ale aʋafia etɔ̃ siawo to Filistitɔwo dome, ku tsi tso vudo si te ɖe Betlehem ƒe agbo ŋu me yi na David. Ke David gbe meno tsi la o, ke boŋ etrɔe kɔ ɖi le Yehowa ƒe ŋkume, hegblɔ be, “Yehowa, nyemate ŋu awɔ esia gbeɖe o!”
“Esiae nye ame etɔ̃ siwo tsɔ woƒe agbe ke la ƒe ʋu.”
Abisai, Yoab nɔvi, Zeruya vi nye amegã na ame etɔ̃awo. Etsɔ eƒe akplɔ wu futɔ alafa etɔ̃ kpɔ ale wòxɔ ŋkɔ abe ame etɔ̃awo ene. Ɖe womede bubu eŋu wu ame xɔŋkɔ etɔ̃awo oa? Ezu woƒe kplɔla togbɔ be womebui ɖe wo dome o hã.
Benaya Yehoiada ƒe vi, ame si fofo nye aʋawɔla kalẽtɔ aɖe tso Kabzeel la wu ame dzɔtsu xɔŋkɔ eve siwo nɔ Moab nyigba dzi. Emegbe la, egawu dzata le do aɖe me gbe si gbe sno dza. Le ɣeyiɣi bubu hã la, ewu Egiptetɔ aɖe. Togbɔ be Egiptetɔ la lé akplɔ ɖe asi hã la, Benaya lũ ɖe edzi kple kpo, dui le esi eye wòtsɔ Egiptetɔ la ŋutɔ ƒe akplɔ wui. Nu siawoe Benaya, Yehoiada ƒe vi wɔ. Eya hã xɔ ŋkɔ abe ame sesẽ etɔ̃awo ene. Wobunɛ wu ame xɔŋkɔ Blaetɔ̃awo dometɔ ɖe sia ɖe gake womedee ame Etɔ̃awo dome o. Ke David tsɔe ɖo eŋudzɔlawo nu.
Ame siwo nɔ ame blaetɔ̃awo dome:
Asahel, Yoab nɔvi, hã nɔ ame blaetɔ̃awo dome.
Bubuawoe nye: Elhanan, Dodo ƒe vi, tso Betlehem;
Sama tso Harod;
Elika tso Harod;
Helez tso Palti;
Ira, Ikes ƒe vi tso Tekoa;
Abiezer tso Anatɔt;
Sibekai tso Husat;
Zalmɔn si nye Ahohitɔ,
Maharai tso Netofat;
Heleb, Boana ƒe vi, tso Netofat;
Itai, Ribai ƒe vi, tso Gibea, le Benyamin ƒe to la me;
Benaya tso Piratɔn;
Hidai tso afi si Gaas tɔʋuwo le;
Abi Albon tso Arbat;
Azmavet tso Bahurim;
Eliahba tso Saalbɔn;
Yasen ƒe viwo;
Yonatan;
Sama tso Hara,
Ahiam, Sarar ƒe vi, tso Harar;
Elifelet, Ahasbai ƒe vi, tso Maka;
Eliam, Ahitofel ƒe vi, tso Giloh;
Hezro tso Karmel;
Parai tso Arba;
Igal, Natan ƒe vi tso Zoba;
Bani tso Gad;
Zelek tso Amon;
Naharai tso Beerot;
Yoab, Zeruya ƒe vi ƒe akpoxɔnutsɔla;
Ira tso Yatir;
Gareb tso Yatir;
kple Uria, Hititɔ la.
Ale wo katã de ame blaetɔ̃-vɔ-adre.
David xlẽ eƒe aʋawɔlawo
Yehowa gado dziku ɖe Israel ŋu eye wòna be David tso ɖe wo ŋu gblɔ na wo be, “Miyi miaxlẽ ame siwo le Israel kple Yuda.”
Ale fia la dɔ Aʋafia Yoab kple aʋafia bubuwo eye wògblɔ na wo be, “Miyi ne miatsa le Israel ƒe toawo katã me tso Dan va se ɖe Beerseba eye miaŋlɔ ŋutsu siwo ate ŋu awɔ aʋa la ƒe ŋkɔ ne manya woƒe xexlẽme.”
Ke Yoab ɖo eŋu na fia la be, “Yehowa, wò Mawu la nadzi wò aʋakɔwo ɖe edzi zi alafa eye wòana be nye aƒetɔ, fia la ƒe ŋkuwo nakpɔ esia gake nu ka ŋuti nye aƒetɔ, fia la di be yeawɔ nu sia ɖo?”
Ke fia la ƒe nya ɖu Yoab kple aʋafia bubuawo tɔ dzi ale wodzo le fia la ŋkume be woaɖaŋlɔ ŋutsu siwo katã ate ŋu ayi aʋa le Israel la ƒe ŋkɔ.
Esi wotso Yɔdan tɔsisi la vɔ la, woƒu asaɖa anyi ɖe Aroer gbɔ le du si le balime la ƒe dziehe gome eye wozɔ to Gad va ɖo Yazer. Tso afi ma woyi Gilead le Tatimhodsinyigba dzi heyi Dan Yaan eye woƒo xlã yi Sidon. Tso afi ma woyi Tiro mɔ la me kple Hivitɔwo kple Kanaantɔwo ƒe duwo katã me. Mlɔeba la, woyi Beerseba le Yuda ƒe gbegbe.
Esi wotsa le anyigba blibo la dzi vɔ la, wotrɔ gbɔ va Yerusalem, esi wotsa le ɣleti asiekɛ kple ŋkeke blaeve kple vɔwo megbe.
Yoab gblɔ na fia la be ŋutsu siwo tsi na aʋayiyi la le ame akpe alafa enyi (800,000) le Israel eye wole akpe alafa atɔ̃ (500,000) le Yuda.
David ƒe dzitsinya ɖe fu nɛ esi wòna woxlẽ ame siwo ate ŋu ayi aʋa la vɔ. Tete wògblɔ na Yehowa be, “Mewɔ nu vɔ̃ gã aɖe le nu si mewɔ la ta. Oo Yehowa, azɔ la meɖe kuku na wò, ɖe wò dɔla ƒe vodada ɖa elabena mewɔ bometsinu gã aɖe.”
Hafi David nafɔ le ŋdi la, Yehowa ƒe gbe va na Nyagblɔɖila Gad, David ƒe nukpɔla be, “Yi nàgblɔ na David be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: mele nu etɔ̃ ɖom ŋkuwò me. Tia wo dometɔ ɖeka esi mawɔ ɖe ŋutiwò.’ ”
Gad yi David gbɔ eye wòbiae be, “Ɖe nàtia be dɔwuame nava anyigba dzi ƒe adre loo, alo nàsi le wò futɔwo nu ɣleti etɔ̃ loo, alo dɔvɔ̃ nava anyigba la dzi ŋkeke etɔ̃a? Bu nu siawo ŋu nyuie eye nàna manya ŋuɖoɖo si mana ame si dɔm la.”
David gblɔ na Gad be, “Meɖo xaxa gã aɖe me. Na míadze Yehowa ƒe asi me le eƒe nublanuikpɔkpɔ sɔ gbɔ la ta, ke mègana madze amegbetɔ ƒe asi me o.”
Ale Yehowa na dɔvɔ̃ va Israelnyigba dzi ŋdi ma; enɔ anyi va se ɖe ɣeyiɣi si wòɖo nɛ eye ame akpe blaadre (70,000) ku le dukɔ la me, tso Dan va se ɖe Beerseba. Esi mawudɔla la do eƒe asi ɖa be yeatsrɔ̃ Yerusalem la, dzɔgbevɔ̃e la ve Yehowa eye wògblɔ na mawudɔla si le nu gblẽm le ameawo dome la be, “Enyo gbɔ! Ɖe wò asi ɖa.” Yehowa ƒe dɔla la ɖo Arauna, Yebusitɔ la ƒe lugbɔƒe le ɣe ma ɣi me.
David kpɔ mawudɔla la eye wògblɔ na Yehowa be, “Kpɔ ɖa, nyee nye ame si wɔ nu vɔ̃! Nu ka alẽ siawo ya wɔ? Na wò dɔmedzoe nabi ɖe nye kple nye ƒometɔwo ɖeɖe ko ŋuti.”
David tu vɔsamlekpui
Nyagblɔɖila Gad va David gbɔ gbe ma gbe eye wògblɔ nɛ be, “Yi nàtu vɔsamlekpui aɖe na Yehowa le Arauna, Yebusitɔ la ƒe lugbɔƒe.” David yi be yeawɔ nu si Yehowa to Gad dzi gblɔ nɛ. Esi Arauna kpɔ fia la kple eŋumewo gbɔna egbɔ la, eyi hede ta agu tsyɔ mo anyi ɖe fia la ŋkume.
Ebia wo be, “Nu ka wɔ ge mieva?”
David ɖo eŋu be, “Míeva be míaƒle wò lugbɔƒea eye matu vɔsamlekpui aɖe na Yehowa ɖe afi sia ale be wòana dɔvɔ̃ la nu natso.”
Arauna gblɔ na David be, “Nye aƒetɔ fia, wɔ nu sia nu si hiã wò la ŋu dɔ faa. Nyitsuwoe nye esiawo na numevɔsa; àte ŋu awɔ lugbɔnuwo kple nyitsuwo ƒe kɔkutiwo ŋu dɔ hena dzododo ɖe vɔsamlekpui la dzi. Matsɔ wo katã na wò faa. Yehowa, wò Mawu la naxɔ wò vɔsa.”
Ke Fia David gblɔ na Arauna be, “Ao, nyemaxɔ nu siawo abe nunanawo ene o, elabena nyemedi be masa numevɔ la na Yehowa, nye Mawu la kple nu siwo ta nyemexe fe aɖeke ɖo o.”
Ale David xe klosaloga blaatɔ̃ nɛ ɖe lugbɔƒe la kple nyitsuawo ta. David ɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma na Yehowa eye wòsa numevɔ kple akpedavɔ. Yehowa se eƒe gbedodoɖa eye wòna dɔvɔ̃ la nu tso.