- Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020
Petro 2
Petro ƒe agbalẽ evelia
Petro 2
Pe2
Petro
ƒe agbalẽ evelia
Nye, Simɔn Petro, Yesu Kristo ƒe dɔla kple apostolo gbɔe agbalẽ sia tso,
Na ame siwo, to míaƒe Mawu kple Yesu Kristo ƒe dzɔdzɔenyenye me la hã xɔ xɔse si xɔ asi abe mía tɔ ene la:
Amenuveve kple ŋutifafa nanye mia tɔ le agbɔsɔsɔ blibo me, to sidzedze Mawu kple Yesu míaƒe Aƒetɔ la me.
Kpeɖoɖo ame ƒe yɔyɔ kple tiatia dzi
Mawu ƒe ŋusẽ tsɔ nu sia nu si míehiãna na agbe kple mawusosroɖa, to míaƒe sidzedze eya amea me, ame si yɔ mí to eya ŋutɔ ƒe ŋutikɔkɔe kple dɔmenyonyo me. To esiawo me wòtsɔ eƒe nunana gã kple ŋugbedodo xɔasi na mí, ale be to wo dzi míakpɔ gome le eƒe mawunyenye me, eye míasi le gbegblẽ si ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃wo he va xexea me la nu.
Le susu sia ta miɖe afɔ ɖe sia ɖe be miatsɔ nyuiwɔwɔ akpe ɖe miaƒe xɔse ŋu, sidzedze nakpe ɖe dɔmenyonyo ŋu, ɖokuidziɖuɖu nakpe ɖe sidzedze ŋu, vevidodo nu nakpe ɖe ɖokuidziɖuɖu ŋu, mawumegbenɔnɔ nakpe ɖe vevidodo nu ŋu; dɔmenyowɔwɔ na havi nakpe ɖe mawumegbenɔnɔ ŋu, eye lɔlɔ̃ hã nakpe ɖe dɔmenyowɔwɔ ŋu. Elabena ne nɔnɔme siawo dzi ɖe edzi le mia me le agbɔsɔsɔ me la, woakpe ɖe mia ŋu be miaganye ŋutetemanɔŋutɔwo kple ame matsekuwo le miaƒe sidzedze míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo me o. Ke ne nɔnɔme mawo mele ame aɖe me o la, enye ame si mekpɔa nu dea adzɔge o, eye eƒe ŋkuwo gbã, eye wòŋlɔ be be woklɔ ye ŋu tso yeƒe tsã nu vɔ̃wo me.
Eya ta nɔvinyewo, midze agbagba ɖe edzi wu tsã be miakpɔ kpeɖodzi na miaƒe yɔyɔ kple tiatia. Elabena ne miewɔ esiawo la, miada ƒu akpɔ o, eye miaxɔ dzadoname tɔxɛ le míaƒe Aƒetɔ kple Ɖela, Yesu Kristo ƒe fiaɖuƒe mavɔ la me.
Mawunya ƒe nyagblɔɖi
Togbɔ be mienya nu siawo, eye mieli ke ɖe nyateƒe si su mia si fifia la me hã la, manɔ ŋku ɖom wo dzi na mi ɣe sia ɣi. Mesusu be zi ale si mele ŋutilã ƒe agbadɔ sia me la, enyo be manɔ ŋku ɖom nu dzi na mi, elabena menya be esusɔ vie maɖe agbadɔ sia ɖi abe ale si míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo gblɔe nam kɔtɛe la ene. Makpɔ egbɔ be meɖe afɔ ɖe sia ɖe si mate ŋui, be ne meva dzo la, miaɖo ŋku nu siawo dzi ɣe sia ɣi.
Menye gli siwo wokpa kple nunya la yome míedze esi míeƒo nu na mi tso míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋusẽ kple eƒe vava ŋuti o, ke boŋ míenye eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ si míekpɔ kple ŋku la ƒe ɖasefowo. Elabena exɔ bubu kple ŋutikɔkɔe tso Mawu, Fofo la gbɔ esi gbe aɖe ɖi tso eƒe Gãnyenye ƒe Ŋutikɔkɔe me gblɔ be, “Ame siae nye Vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, esi ŋu mekpɔa ŋudzedze le.” Míawo ŋutɔ míese gbe sia esi wòɖi tso dziƒo, esi míeli kplii le to kɔkɔe la dzi.
Ale míegakpɔ kpeɖodzi na Mawu ƒe nyagblɔɖilawo ƒe nyawo, eya ta anye nu dzeame ne mieɖo to wo, elabena ele abe ale si kekeli klẽna ɖe viviti me ene va se ɖe esime ŋkekea nava, eye ŋukeɣletivi la naklẽ ɖe miaƒe dziwo me. Gawu la, ele be miase egɔme be nyagblɔɖi aɖeke mele mawunya me si va eme to Mawu ƒe gbeƒãɖela la ŋutɔ ƒe nyameɖeɖe me o. Elabena nyagblɔɖi ƒe dzɔtsoƒe metso amegbetɔ ƒe lɔlɔ̃nu me kpɔ o, ke boŋ ame xɔa gbe tso Mawu gbɔ abe ale si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔe ene.
Aʋatsonufialawo kple woƒe tsɔtsrɔ̃
Gake aʋatsonyagblɔɖilawo nɔ ameawo dome abe ale si aʋatsonufialawo anɔ miawo hã domee ene. Woahe nu dada fiafiawo vɛ le adzame, woagbe nu gɔ̃ hã le Aƒetɔ ŋusẽkatãtɔ si ƒle wo la gbɔ, eye woahe gbegblẽ ava woawo ŋutɔ ɖokui dzi kaba. Ame geɖewo adze woƒe ŋukpenanuwɔwɔwo yome eye woagblɔ busunya ɖe nyateƒe la ŋu. Nufiala siawo, le woƒe ŋukeklẽ me, atsɔ nya kpakpawo aɖe vi le mia ŋuti. Woƒe fɔbubu le ta dzi na wo tso blema ke, eye woƒe gbegblẽ medɔ alɔ̃ o.
Elabena ne Mawu mekpɔ nublanui na mawudɔlawo esi wowɔ nu vɔ̃ o, ke boŋ eɖo wo ɖe dzomavɔ me, hede ga wo ɖe ʋe globo doviviti me, be woanɔ afi ma va se ɖe ʋɔnudrɔ̃gbe; ne metsɔe ke blema xexemetɔwo o, ke boŋ wòna tsi ɖɔ hetsrɔ̃ mawumavɔ̃la mawo, negbe dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela, Noa kple ame adreawo ko wòɖe; ne ebu fɔ Sodom kple Gomora duawo hena dzo fia wo, wozu afi, eye wòtsɔ wo wɔ kpɔɖeŋu na nu si adzɔ ɖe mawumavɔ̃lawo dzi; ne eɖe ame dzɔdzɔe Lɔt, ame si semanɔsitɔ mawo ƒe agbe ƒaƒã nɔnɔ ti kɔ na, (elabena esi ame dzɔdzɔe ma nɔ wo dome la, eƒe luʋɔ dzɔdzɔe la kpea fu gbe sia gbe ne ekpɔ, eye wòse agbe si nɔm ameawo le semaɖemɔnatɔe la). Ne ele alea la, ekema Aƒetɔ la nya ale si wòaɖe mawuvɔ̃lawo tso dodokpɔwo me, eye wònya ale si wòalé mawumavɔ̃lawoe, anɔ to hem na wo va se ɖe ʋɔnudrɔ̃ŋkeke la dzi. Esia nye nyateƒe, vevietɔ na ame siwo dze ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃wo yome, eye wodoa vlo kplɔlawo.
Dzideƒo kple ɖokuiŋudzedze le ame siawo me ale gbegbe be womevɔ̃a nya vlowo gbɔgblɔ ɖe dziƒodɔlawo ŋu o. Togbɔ be mawudɔlawo de ŋgɔ, hesesẽ wu wo gɔ̃ hã la, wometsɔa ameŋugblẽnya bua fɔ nu gbagbe siawo le Aƒetɔ la ƒe ŋkume o. Gake ame siawo gblɔa busunya le nya siwo gɔme womese o la me. Wole abe lã siwo si nunya mele o, nuwɔwɔ siwo wɔ nu ɖekematsɔlemetɔe kple lã siwo wodzi ko be woalé wo, eye woatsrɔ̃ wo la ene. Eye abe lãwo ene la, woawo hã woatsrɔ̃.
Woaxɔ madzemadzenyenye ƒe fetu: Ame siwo bua gbe sia gbe ƒe aglotutu dzidzɔdonui, ɖiƒoƒo kple ŋukpe wonye. Wotsɔa nu siwo wokpɔ to woƒe amebeble me la ɖua nu tsui; evɔ la, wonɔa anyi ɖe kplɔ̃ ɖeka ŋu ɖua nu kpli mi. Ahasiwɔwɔ xɔ ŋku dzi na wo, eye womedzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ gbeɖe o, wodɔna kple ame malikewo. Wobi ɖe ŋukeklẽ me, eye wonye dzidzime si dzi fiƒode le! Wogblẽ mɔ dzɔdzɔe la ɖi, helé Beor ƒe vi Balaam ƒe mɔ tsɔ, ame si lɔ̃ vɔ̃ɖinyenye ƒe fetu. Ke tedzi lãmaƒonu tsɔ ame ƒe gbe ƒo nu nɛ, ka mo nɛ ɖe eƒe nu vɔ̃ wɔwɔ ta, heɖo asi Mawu ƒe nyagblɔɖila la ƒe tsukunuwo wɔwɔ dzi.
Ŋutsu siawo le abe vudo siwo me tsi mele o kple afudodo si ahom lɔna ɖe nu la ene. Wodzra viviti tsiɖitsiɖi ɖo ɖi na wo. Elabena wotsɔa woƒe nu gblɔa nya dzodzro, siwo me dada le, wotsɔa ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃wo blea ame siwo si le ame vɔ̃ɖiwo nu fifi laa la nu. Wodoa ablɔɖe ƒe ŋugbe na wo esi woawo ŋutɔ wonye kluviwo na anyidzedze, elabena ame nyea kluvi na nu sia nu si ɖu aƒetɔ ɖe edzi la. Nenye be wosi le gbegblẽ si le xexea me nu, to sidzedze míaƒe Aƒetɔ kple Ɖela Yesu Kristo me, evɔ wogbugbɔ gabla wo ɖe nu mawo ke me, heɖu wo dzi la, woƒe nuwuwu avɔ̃ɖi wu ale si wònɔ le gɔmedzedzea me. Anyo na wo be womenya dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ o tsɔ wu be woanyae, eye woatrɔ megbe ade sedede kɔkɔe si wotsɔ de asi na wo. Ame siawo la, lododo siawo nye nyateƒe le wo ŋuti be, “Avu trɔna gayia nu si wòdzɔ la gbɔ,” eye “Ha si wole tsi na la gayia eƒe babublu dzi.”
Aƒetɔ la ƒe ŋkeke la
Nɔvi lɔlɔ̃awo, esia nye nye agbalẽ evelia na mi. Meŋlɔ agbalẽ siawo na mi be woanye ŋkuɖodzinu si ade dzo mia me be miaƒe tamesusuwo nanɔ blibo. Medi be miaɖo ŋku nya siwo Mawu ƒe nyagblɔɖila kɔkɔewo gblɔ na mi va yi kple se si míaƒe Aƒetɔ kple Ɖela de na mi to miaƒe apostolowo dzi la dzi.
Gbã la, ele be miase egɔme be le ŋkeke mamlɛawo me la, fewuɖulawo ava, anɔ fewu ɖum, eye woadze woawo ŋutɔ ƒe nudzodzro vɔ̃wo yome. Woagblɔ be, “Afi ka eƒe ‘vava’ ƒe ŋugbedodo la le? Elabena tso ɣe aɖe ɣi ke, esi mía fofowo ku la, nu sia nu le edzi yim abe ale si wònɔ le gɔmedzedzea me ene.” Ke woɖoe koŋ heŋlɔ be be gbe aɖe gbe ʋĩi ke wotsɔ Mawu ƒe nya wɔ dziƒo, eye wowɔ anyigba tso tsi me kple tsi. To tsi sia ke dzi wotsrɔ̃ xexe si nɔ anyi ɣe ma ɣi le esi woxɔ beble dzi se ta. To Mawu ƒe nya sia ke dzi wodzra fifi dziƒo kple anyigba ɖo na dzo, eye woɖoe da ɖi na ʋɔnudrɔ̃gbe la kple mawumavɔ̃lawo ƒe tsɔtsrɔ̃.
Ke nɔvi lɔlɔ̃wo, migaŋlɔ nu ɖeka sia be o, ŋkeke ɖeka le Aƒetɔ la gbɔ le abe ƒe akpe ɖeka ene, eye nenema ke ƒe akpe ɖeka le abe ŋkeke ɖeka ene. Aƒetɔ la mele wɔwɔm blewublewu le eƒe ŋugbedodo la me abe ale si ame aɖewo se blewu gɔmee ene o. Egbɔ dzi ɖi na mi, elabena medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ be amewo katã natrɔ dzi me.
Ke Aƒetɔ ƒe ŋkeke la ava abe fiafitɔ ene. Dziƒowo nu ava yi kple gbeɖeɖe gã aɖe, woatsrɔ̃ gɔmeɖonuwo kple dzo, eye anyigba kple edzinuwo katã abi keŋkeŋ.
Esi woatsrɔ̃ nu sia nu alea la, ame ka ƒomeviwo wòle be mianye? Ele be mianɔ agbe le kɔkɔenyenye kple mawuvɔvɔ̃ me, esi miele mɔ kpɔm na Mawu ƒe ŋkeke la, hele du dom eƒe vava. Ŋkeke sia ƒe vava ana woatsrɔ̃ dziƒowo kple dzo, eye emenuwo alolõ le dzoxɔxɔ la me. Ke le eƒe ŋugbedodo la nu, míele mɔ kpɔm na dziƒo yeye kple anyigba yeye, afi si anye dzɔdzɔenyenyeteƒe la.
Eya ta nɔvi lɔlɔ̃wo, esi miele mɔ kpɔm na esia la, miɖe afɔ ɖe sia ɖe si miate ŋui la, be woakpɔ mi ɖimaƒomaƒoe, mokakamanɔŋutɔe, eye mianɔ ŋutifafa me kplii. Nenɔ susu me na mi be míaƒe Aƒetɔ la ƒe dzigbɔɖi nye miaƒe ɖeɖe, abe ale si mía nɔvi lɔlɔ̃ Paulo ŋlɔ na mi kple nunya si Mawu nɛ la ene. Eŋlɔ nu siawo ɖe eƒe agbalẽwo katã me, eye wòƒoa nu tso nu siawo katã ŋu. Nanewo le eƒe agbalẽawo me siwo ƒe gɔmesese sesẽ, esi ame manyanuwo kple ame malikewo blua afɔ na, abe ale si wowɔna na mawunya bubuwo hã ene, hena woawo ŋutɔ ƒe tsɔtsrɔ̃.
Eya ta nɔvi lɔlɔ̃wo, esi mienya esia xoxo la, minɔ ŋudzɔ be sedzimawɔlawo ƒe nu tovo wɔwɔ makplɔ mi adzoe, be miage le teƒe si mieli ke ɖo la o. Ke mitsi le amenuveve kple sidzedze míaƒe Aƒetɔ kple Ɖela Yesu Kristo me.
Eya ko tɔ anye ŋutikɔkɔe tso fifia yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen.