- Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020
Timoteo 1
Paulo ƒe agbalẽ gbãtɔ si wòŋlɔ na Timoteo
Timoteo 1
Ti1
Paulo ƒe agbalẽ gbãtɔ si wòŋlɔ na
Timoteo
Nye, Paulo, ame si nye Kristo Yesu ƒe apostolo to Mawu, mía Ɖela ƒe gbeɖeɖe kple Kristo Yesu, míaƒe mɔkpɔkpɔ dzi la gbɔe agbalẽ sia tso,
Na Timoteo, vinye vavã le xɔse la me:
Amenuveve, nublanuikpɔkpɔ kple ŋutifafa si tso Mawu, Fofo la kple Kristo Yesu, míaƒe Aƒetɔ gbɔ la nanɔ anyi kpli wò.
Nuxɔxlɔ̃ amewo tso aʋatsonufiafiawo ŋu
Abe ale si meƒoe ɖe nuwò hafi dzo yi Makedonia ene la, tsi Efeso, eye nàɖo asi ŋutsu siwo le nu dada fiam la dzi be womagafia nenem nuwo o, tɔ te wo be womagagblẽ woƒe ɣeyiɣiwo ɖe gliwo kple dzɔdzɔmenyatotowo ŋu o, elabena nu siawo hea nyahehe dzodzrowo vanɛ ɖe Mawu ƒe dɔwɔwɔ si xɔse hena vanɛ la teƒe. Nu si metsi dzi na vevie lae nye be kristotɔ siwo katã le afi ma la nayɔ fũu kple lɔlɔ̃ si tso dzi vavãwo kple dzitsinya nyui me, eye woasẽ ŋu le xɔse me.
Nufiala siawo da ƒu le nu siawo nyanya me, eye wogblẽa woƒe ɣeyiɣi nɔa nya hem, eye wonɔa nya maɖinyawo gblɔm. Wodi be yewoaxɔ ŋkɔ abe Mose ƒe sefialagãwo ene, evɔ woawo ŋutɔ menya naneke gobii tso Mose ƒe seawo kple nu si wofiaa mí la ŋu hafi o. Míenyae be se mawo nyo, zi ale si wowɔ wo ŋu dɔ abe ale si Mawu ɖoe la ene. Míenyae hã be menye ame nyuiwoe wowɔ se la na o, ke boŋ sedzidalawo kple aglãdzelawo, mawumavɔ̃lawo kple nu vɔ̃ wɔlawo, ame makɔmakɔwo kple mawumasubɔlawoe wowɔ se la na, ame siwo wua wo fofowo kple wo dadawo na hlɔ̃dolawo na ahasiwɔlawo kple nu tovo wɔlawo, amesitsalawo kple aʋatsokalawo kple atam dzodzro kalawo kple nu sia nu si tsi tsitre ɖe nufiafia vavãtɔ si xɔ ɖe Mawu yayratɔ la ƒe ŋutikɔkɔenyanyui si wòtsɔ nam la ŋuti.
Paulo ƒe akpedada ɖe Mawu ƒe amenuveve ta
Medaa akpe geɖe na Kristo Yesu míaƒe Aƒetɔ la be wòtia nye hã abe eƒe dɔlawo dometɔ ɖeka ene, eye wòna ŋusẽm be manye nuteƒewɔla nɛ, togbɔ be meɖu fewu le Kristo ƒe ŋkɔ ŋuti kpɔ gɔ̃ hã. Meti eƒe amewo ƒe agbe yome, eye mewɔ nu vevi wo le mɔ ɖe sia ɖe si dzi mate ŋui la nu. Ke Mawu kpɔ nublanui nam, elabena nyemenya nu si wɔm menɔ la o, eye dzixɔse menɔ asinye o. O, míaƒe Aƒetɔ la ƒe dɔme nyo loo, elabena efia ale si wòle be maxɔ edzi ase lam, be Kristo Yesu ƒe lɔlɔ̃ nayɔ menye fũu.
Esia nye nyateƒenya si wòle be woaɖo toe, axɔe ase keŋ be Kristo Yesu va xexea me nu vɔ̃ wɔlawo ɖe ge, ame siwo dome menye gãtɔ le. Ke Mawu kpɔ nublanui nam ale be Kristo Yesu ate ŋu awɔ ŋutinyedɔ abe kpɔɖeŋu ene be wòatsɔ afia ale si wòte ŋu gbɔa dzi ɖi na nu vɔ̃ wɔla gãtɔ kekeake gɔ̃ hã ame sia ame, ale be woawo hã naxɔe se be woate ŋu akpɔ agbe mavɔ. Ŋutikɔkɔe kple bubu woana Mawu tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Eyae nye Fia tso blema ke, eye wònye Mawu makumakua si womekpɔna o, eye wòyɔ fũu kple nunya. Eya ɖeka koe nye Mawu. Amen.
Azɔ vinye, Timoteo, esia nye nye sedede na wò. Wɔ Aƒetɔ la ƒe aʋawo nyuie, abe ale si wògblɔ na mi be míawɔ to eƒe Nyagblɔɖilawo dzi la ene. Lé wò xɔse si le Kristo me la ɖe asi sesĩe, eye ɣe sia ɣi la, wò dzitsinya nanɔ dzadzɛe, eye nàwɔ nu si nènya be enyo la ko. Elabena ame aɖewo gbe toɖoɖo woƒe dzitsinya, eye wowɔ nu si wonya nyuie be mele be woawɔ o. Ale mewɔ nuku be esi wogbe Mawu nenema la, wobu woƒe xɔse si le Yesu Kristo me la o. Himenaio kple Aleksandro wonye nu sia wɔlawo ƒe kpɔɖeŋuwo. Eva nɔ nam be matsɔ wo de asi na Satana be woahe to na wo va se ɖe esime woanyae be menyo be woaƒo ɖi Mawu ƒe ŋkɔ o.
Ɖoɖowo le subɔsubɔ ŋu
Eya ta mele nu xlɔ̃m amewo be do ŋgɔ na nu sia nu la, woawɔ kukuɖeɖewo, gbedodoɖawo, nyaxɔɖeakɔwo kple akpedada ɖe amewo katã ta, ɖe fiawo kple dziɖulawo katã ta be míanɔ anyi le ŋutifafa kple agbe ƒe dziɖeɖi me le mawuvɔvɔ̃ kple kɔkɔenyenye siaa me. Esia nyo, eye wòdze Mawu mía Ɖela la ŋu. Edi vevie be ame sia ame nakpɔ ɖeɖe, eye wòase nyateƒe sia gɔme be: Yesu Kristo, ame si va xexea me abe amegbetɔ ene la koe va dzra Mawu kple amegbetɔwo dome ɖo. Ewɔ esia esi wòtsɔ eƒe agbe na ɖe amewo katã ta. Esia nye ɖaseɖiɖi si Mawu tsɔ na xexea me le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. Enye nyateƒe matrɔmatrɔ be wotiam be manye Mawu ƒe apostolo kple nyanyuidɔgbedela si agblɔ nyateƒe sia na ame siwo menye Yudatɔwo o; afia Mawu ƒe ɖoɖo amewo be woakpɔ ɖeɖe to xɔse me.
Eya ta medi be le afi sia afi la, ŋutsuwo nado woƒe asi kɔkɔewo ɖe dzi na Mawu, ado gbe ɖa, elabena wovo tso nu vɔ̃, dziku kple fuléle si me. Nenema ke medi be nyɔnuwo nado awu ɖe nɔnɔme nyui me, le dzadzɛnyenye kple nu dzeame wɔwɔ me, menye le atsyɔ̃ɖoɖo vivivo kple ɖa ŋɔŋɔe ƒoƒo, sikanuwo kple dzonu xɔasiwo dede kple avɔ xɔasiwo tata me o, ke boŋ kple nu nyui wɔwɔ si dze nyɔnu siwo ʋua eme be yewonye mawusubɔlawo.
Ele na nyɔnu be wòasrɔ̃ toɖoɖo le ɖoɖoezizi kple ɖokuibɔbɔ siaa me. Nyemeɖe mɔ na nyɔnu be wòafia nu alo aɖu amegã ɖe ŋutsu dzi o, ke boŋ nezi ɖoɖoe. Nu ka ta? Elabena Mawu wɔ Adam gbã hafi va wɔ Eva. Eye menye Adam Satana ble o, ke boŋ Evae, eye to esia me, nu vɔ̃ va. Eya ta Mawu na be nyɔnuwo nakpe fu ase veve le woƒe vidzidzi me, ke aɖe woƒe luʋɔwo ne woxɔ edzi se, eye wonɔ agbe nyui le lɔlɔ̃ vavã me.
Le hamedzikpɔlawo kple subɔlawo ƒe nɔnɔme ŋuti
Enye nyateƒenya be ne ame aɖe di be yeawɔ hamedzikpɔla ƒe dɔ la, etia dɔ nyuitɔ. Azɔ la, ele na hamedzikpɔla be wòanye mokakamanɔŋutɔ, nyɔnu ɖeka ko srɔ̃, ame si fa tu, ɖokuidziɖula, ame si ŋu bubu le, amedzrowɔla, ame si nya nufiafia menye ahatsunola o, menye ame si wɔa nu gbodogbodo o, ke boŋ ewɔa nu le bɔbɔenyenye me, menye dzrewɔla alo galɔ̃la o. Ele vevie be wòanye ame si kpɔa eƒe aƒe dzi nyuie, eye vi ɖotowo le esi. (Elabena ne ŋutsu aɖe mate ŋu akpɔ eƒe aƒe sue la dzi be woanɔ agbe nyui o la, aleke wòawɔ akpɔ Mawu ƒe hame dzi?)
Nuxɔxlɔ̃ Timoteo tso aʋatsonufialawo ŋu
Mele be wòanye ame si ƒe dzimetrɔɣi medidi o, elabena ne menye nenema o la, dada ayɔ eya amea me, eye wòadze anyi le ʋɔnudɔdrɔ̃ si va Abosam dzi la te. Ele na hamedzikpɔla be wòakpɔ ɖaseɖiɖi nyui tso hamea godotɔwo hã gbɔ, ale be mage adze vlododo kple Abosam ƒe mɔ me o.
Nenema kee wòle na subɔlawo hã be woanye ame siwo ŋu bubu le kple nyateƒetɔwo, menye ahatsunolawo kple ame siwo tia viɖe ƒoɖiwo yome o.
Ele na wo be woalé xɔse la ƒe nyateƒe detowo me ɖe asi kple dzitsinya nyui. Ele be woado wo kpɔ gbã, eye ne naneke meku ɖe o ŋu o la, woaɖe mɔ woawɔ subɔla ƒe dɔ.
Ele na wo srɔ̃nyɔnuwo be woanye ame ɖɔŋuɖowo, ke menye ahatsunolawo kple amenyagblɔlawo o, ke boŋ woawɔ nuteƒe le nu sia nu me. Subɔlawo nanye srɔ̃ ɖeka tɔwo, eye dzidzɔ kple toɖoɖo nanɔ woƒe aƒewo me. Kpeɖeŋutɔ siwo wɔ dɔ nyuie la ƒe fetu anye be amewo naɖo bubu na wo, eye woawo ŋutɔ ƒe dzideƒo kple xɔse le Yesu Kristo me hã atsi ɖe edzi.
Togbɔ be mele mɔ kpɔm be mava mia gbɔ kpuie hã la, mele nu siawo ŋlɔm na mi, ale be ne nye vava he ɖe megbe hã la, miate ŋu anya ale si miazɔ le Mawu ƒe aƒe si nye Mawu gbagbe la ƒe ha, si lé Mawu ƒe nyateƒe la me ɖe asi sesĩe la me. Enye nyateƒe be mawumegbenɔnɔ mele bɔbɔe o,
gake ele bɔbɔe le Kristo ta,
ame si va anyigba dzi abe ame ene.
Ɖiƒoƒo aɖeke menɔ eŋuti o,
eye wòdza le eƒe gbɔgbɔ me.
Mawudɔlawo kpɔe,
eye wogblɔ mawunya tso eŋuti le dukɔwo dome.
Amewo xɔ edzi se le afi sia afi si wòyi,
eye wogaxɔe ɖe eƒe ŋutikɔkɔe me le dziƒo.
Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔe na mi kɔtɛe be le ŋkeke mamlɛawo me la, ame aɖewo le hamea me atrɔ le woƒe dzixɔse yome adze nufiala siwo ƒe susuwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo yɔ la yome kple dzo. Nufiala siawo aɖo mo ta, ada alakpa, eye woadae enuenu ale gbegbe be woƒe dzitsinya magaɖe fu na wo gɔ̃ hã o. Woagblɔ be menyo be woaɖe srɔ̃ o, eye menyo hã be woaɖu nanewo o, evɔ wònye Mawue tsɔ nu siawo na xɔsetɔ siwo li ke, eye wonya nyateƒe la be woakpɔ dzidzɔ le wo ŋuti, eye woada akpe ɖe wo ta hafi. Elabena nu sia nu si Mawu wɔ la nyo, eye miate ŋu aɖui kple dzidzɔ nenye be mieda akpe ɖe eta, eye miebia tso Mawu si be wòayrae, elabena Mawu ƒe nya kple gbedodoɖa awɔe kɔkɔe.
Kristo Yesu ƒe subɔla nyuitɔ
Ne èɖe nu siawo me na ame bubuwo la, ànɔ wò dɔdeasi wɔm abe Yesu Kristo ƒe subɔla nyui si wonyi le xɔse ƒe nyawo kple nufiafia dzɔdzɔetɔ si yome nèdze la nu ene.
Megagblẽ wò ɣeyiɣi anɔ nya hem tso susu manyatanuwo kple movinyawo kple gli dzodzrowo ŋuti o. Ke boŋ zã wò ɣeyiɣiwo kple wò ŋusẽ nàtsɔ atu ɖokuiwò ɖoe le gbɔgbɔ me. Ame ɖokui tutuɖo le ŋutilã me nyo, gake tutuɖo le gbɔgbɔ me le vevie wu, elabena enye atike na nu sia nu si nàwɔ. Eya ta tu ɖokuiwò ɖo le gbɔgbɔ me, eye nàdze agbagba be yeanye kristotɔ nyui wu, elabena eyae ava kpe ɖe ŋuwò. Menye fifia le agbe sia me ko o, ke boŋ le agbe si ava va la me hã.
Esia nye nyateƒe, eye wòdze be woaxɔe ase blibo, eye le esia ta míewɔ dɔ heʋli vevie be míatsɔ míaƒe mɔkpɔkpɔ ade Mawu gbagbe la me, ame si nye amewo katã ƒe Ɖela, vevietɔ ame siwo xɔ se. Fia nu siawo, eye nàkpɔ egbɔ be ame sia ame srɔ̃ wo nyuie. Mègana ame aɖeke nabu wò ame gblɔe le wò ɖekakpuinyenye ta o, ke boŋ nye kpɔɖeŋu nyuitɔ na wo. Na woadze nu si nèfiana kple agbe si nènɔna la yome. Na wò lɔlɔ̃, wò xɔse kple wò susu dzadzɛwo nanye kpɔɖeŋu na wo. Va se ɖe esime mava mia gbɔ la, xlẽ Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la na hame la, eye nàɖe eme na wo; gblɔ Mawu ƒe nya la ɣe sia ɣi.
Kpɔ egbɔ be, yewɔ amenuvenunana siwo Mawu na wò to eƒe nyagblɔɖilawo dzi, esi hamemegãwo da asi ɖe dziwò la ŋu dɔ nyuie. Wɔ nunana siawo ŋu dɔ nyuie. Tsɔ ɖokuiwò ƒo ɖe wò dɔwɔwɔwo me, ale be ame sia ame nate ŋu akpɔ wò tsitsiɖedzi kple ŋgɔgbeyiyi adze sii. Lé ŋku ɖe nu siwo katã nèsusuna kple nu siwo katã nèwɔna la ŋuti nyuie. Lé nu si nyo, eye wòle eteƒe la me ko ɖe asi, eye Mawu ayra wò, eye wòawɔ ŋuwòdɔ le kpekpeɖeŋunana ame bubuwo me.
Timoteo ƒe dɔdeasi ku ɖe ahosiwo, ametsitsiwo kple kluviwo ŋuti
Mègaƒo nu na ametsitsi aɖeke kple adã o, ke boŋ ƒo nu nɛ bubutɔe abe wò ŋutɔ fofowòe nèle nu ƒom na ene. Ƒo nu na ɖekakpuiwo abe ale si nàƒo nu na nɔviwò ŋutsu lɔlɔ̃awo ene. Tsɔ nyɔnu tsitsiwo abe dawòwo ene, eye ɖetugbiwo abe nɔviwò nyɔnuwo ene eye susu dzadzɛwo ko nanɔ wò ta me ɖe wo ŋu.
Nenye be ahosiwo mekpɔ ame aɖeke wòakpɔ wo dzi o la, ekema hamea natsɔe ɖo eɖokui dzi, atsɔ lɔlɔ̃ akpɔ wo dzii. Ke ne viwo alo mamayɔviwo le wo si la, ekema ele be woawo nakpɔ wo dzi, elabena ele be dɔmenyowɔwɔ nadze egɔme tso aƒe me, eya ta ele be woakpe ɖe wo dzila siwo le hiã me la ŋuti. Esia nye nane si dzea Mawu ŋu ŋutɔŋutɔ.
Hame la nekpɔ ahosi dahe siwo tsi akogo le xexea me la dzi nenye be wole Mawu sinu kpɔm be wòakpe ɖe yewo ŋuti, eye wole gbe dom ɖa atraɖii, ke menye ne wogblẽa woƒe ɣeyiɣi nɔa tsatsam nɔa amenya gblɔm, nɔa ŋutilãmedzidzɔ ko dim, eye wogblẽa nu le woƒe luʋɔ ŋuti o. Esia nanye miaƒe hame la ƒe ɖoɖo, ale be kristotɔwo nanya, eye woawɔ nu si dze la.
Ke ame si makpe ɖe eya ŋutɔ ƒe ƒometɔ siwo le hiã me, vevitɔ esiwo le eya ŋutɔ ƒe aƒe me ŋuti o la, mekpɔ mɔ be wòayɔ eɖokui be xɔsetɔ o. Trɔ̃subɔla gɔ̃ hã nyo wu ame sia tɔgbi.
Womatsɔ ahosi aɖeke ƒe ŋkɔ ade ahosiwo dome o, negbe exɔ ƒe blaade kple edzivɔ, eye wònye ame si nɔ srɔ̃a gbɔ le nyateƒetoto me. Ele be wòakpɔ ɖaseɖiɖi nyui le amewo katã gbɔ le eƒe dɔ nyui wɔwɔ me. Le kpɔɖeŋu me, ame si hea viawo nyuie, lɔ̃a amedzrowɔwɔ, klɔa ame kɔkɔewo ƒe afɔwo, kpena ɖe ame siwo ɖo xaxa me la ŋu, eye wòƒoa eɖokui ɖe dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me.
Mele be woaxɔ ahosi siwo metsi o la ɖe dɔ tɔxɛ wɔla siawo dome o, elabena le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, woada le adzɔgbe si woɖe na Kristo la dzi, eye woagaɖe srɔ̃. Ale woadze na tohehe, elabena woda le woƒe ŋugbedodo ƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi. Hekpe ɖe esia ŋuti la, ele eme be woava zu ame ɖɔewo, eye woagblẽ woƒe ɣeyiɣi anɔ ameŋunya gblɔm tso aƒe si me yi ekemɛ me, anɔ nu dem ame bubuwo ƒe nya me. Eya ta mesusu be enyo na ahosi siwo metsi o la be woagaɖe srɔ̃, adzi viwo, eye woakpɔ woawo ŋutɔ ƒe aƒe dzi. Ekema ame aɖeke mate ŋu agblɔ nya aɖeke ɖe wo ŋuti o. Elabena mevɔ̃ be wo dometɔ aɖewo do hamea me, eye Satana kplɔ wo tra mɔe xoxo.
Na magaɖo ŋku edzi na wò ake be ele na ahosiwo ƒe ƒometɔwo be woakpɔ wo dzi, eye mele be woaɖe asi le dɔ sia wɔwɔ ŋuti na hamea o. Ekema hamea ate ŋu atsɔ ga si le esi la akpɔ ahosi amemanɔsitɔwo dzii.
Beléle na hamedzikpɔlawo
Hamedzikpɔla siwo wɔa hadɔ nyuie la dze na bubuteƒe eve, vevietɔ esiwo kua kutri le mawunyagbɔgblɔ kple efiafia me, elabena woŋlɔ ɖe mawunya me be, “Mègabla nu na nyitsu ne ele mɔlu tugum o.” Wogagblɔ le teƒe bubu hã be, “Dɔwɔla dze na eƒe fetu.” Ne wotsɔ nya ɖe hamedzikpɔla aɖe ŋu la, mègawɔ nya la ŋu dɔ o, negbe le ɖasefo eve alo etɔ̃ ƒe nya nu ko. Woaka mo na nu vɔ̃ wɔlawo le hame bliboa ŋkume be wòanye kpɔɖeŋu na ame bubuwo.
Mele se dem na wò moveviɖotɔe le Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo kple mawudɔla kɔkɔeawo katã ƒe ŋkume be nàwɔ nu sia ne hamemegã la nye xɔ̃wò vevi loo alo menye xɔ̃wò o. Ele be woatsɔ dzidzenu ɖeka ma ko na ame sia ame. Mègatsi dzi klokloklo le hamemegãtiatia me o. Wò ŋku abu le eƒe nu vɔ̃wo dzi, eye wòawɔ abe ɖe nède eƒe nu vɔ̃wo dzi ene. Lé ɖokuiwò dzadzɛ. Ke hã la, esia mefia be nàtsri wain keŋkeŋ o. Ele be nàno sue aɖe ɣe aɖewo ɣi abe atike ene ɖe wò dɔmeɖu la ta, elabena èdzea dɔ kabakaba.
Ɖo ŋku edzi be ŋutsu aɖewo, hamemegã aɖewo gɔ̃ hã, le nu vɔ̃ wɔm, eye esia le nyanya na ame sia ame. Le nu siawo me la, àte ŋu awɔ nane tso eŋuti. Ke le go bubuwo me la, ʋɔnudrɔ̃gbe la koe ate ŋu aɖe nyateƒe dziŋɔ la ɖe go. Nenema ke ame sia ame nya ale si hamemegã aɖewo wɔa dɔ nyuie, gake ɣe aɖewo ɣi la, womenya woƒe dɔ nyui wɔwɔwo o va se ɖe ɣeyiɣi didi aɖewo megbe hafi.
Ɖoɖo na kluviwo
Kluvi siwo nye kristotɔwo la nawɔ dɔ na woƒe aƒetɔwo kple ŋusẽ, eye woabu wo; mègana woagblɔ tso Kristo ƒe hadɔwɔlawo ŋuti be wonye kuviatɔwo o. Mègana Mawu ƒe ŋkɔ alo eƒe nufiafia nazu alɔmeɖenu le nu sia ta o. Ne woƒe aƒetɔ nye kristotɔ la, esia menye mɔnukpɔkpɔ be woawɔ alɔgblɔdɔ le woƒe dɔwɔnawo ŋuti o; ke boŋ ele be woagawɔ dɔ ɖe edzi wu, elabena wole kpekpeɖeŋu nam wo nɔvi xɔsetɔ lɔlɔ̃tɔwo kple woƒe ŋusẽ. Timoteo, fia nyateƒenya siawo, eye nàdo ŋusẽ ame sia ame be wòawɔ ɖe wo dzi.
Galɔlɔ̃
Ame aɖewo asẽ nu agblɔ be nya siawo mele eme o, gake wonye nufiafia dzɔdzɔe si de blibo, wonye esiwo Aƒetɔ Yesu Kristo ŋutɔ fia, eye wonye mawumegbenɔnɔ ƒe gɔmeɖokpe. Ame si agblɔ nya aɖe si ato vovo tso esia gbɔ la, ame ma nye dadala, eye menya naneke o. Ke ele nyahehe siwo awu nu le masɔmasɔ kple dziku me la hem vɛ. Esia ƒe metsonuwo koe anye ŋuʋaʋã, dzrewɔwɔ, ameŋugbegblẽ kple nu vɔ̃ɖi susu ɖe ame nɔewo ŋuti. Nyahela siawo, esiwo ƒe susuwo nu vɔ̃ bla goŋgoŋ la menya ale si woagblɔ nyateƒe lae o. Le woawo gbɔ la, agbenya la gbɔgblɔ nye gakpɔmɔnu ko eya ta mite ɖa xaa tso wo gbɔ.
Ke mawuvɔvɔ̃ kple ŋudzedzekpɔkpɔ nye viɖe gã, elabena míetsɔ naneke va xexe sia me o, eye edze ƒãa be míatsɔ naneke hã adzoe o. Ke ne nuɖuɖu kple nudodowo le mía si la, mina woadze mia ŋu. Ame siwo dina be yewoazu hotsuitɔwo la gena ɖe tetekpɔ kple mɔtetre kple movidzɔdzɔ kple didi vɔ̃wo me, esiwo kplɔa amewo yina ɖe gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ me. Nu tovo wɔwɔwo katã ƒe dzɔtsoƒee nye galɔlɔ̃; ame siwo tsi dzi ɖe gakpɔkpɔ ŋu la, trana tso xɔse la gbɔ, eye wotsɔa veve geɖe ŋɔa wo ɖokuiwoe flofloflo.
Paulo ƒe ɖoɖo tɔxɛwo na Timoteo
Ke wò, Mawu ƒe ame, si le nu siawo katã nu, eye nàti dzɔdzɔenyenye, mawuvɔvɔ̃, xɔse, lɔlɔ̃, tenɔnɔ kple bɔbɔenyenye yome. Ʋli xɔse ƒe ʋiʋli nyui la, lé agbe mavɔ si woyɔ wò na, esi nèʋu eme nyuie le ɖasefo geɖewo ƒe ŋkume la me ɖe asi sesĩe.
Mele didim tso asiwò le Mawu si na agbe amewo katã kple Kristo Yesu si ɖi ɖase dzideƒotɔe le Pontio Pilato gbɔ la ƒe ŋkume be nàwɔ nu siwo katã wògblɔ na wò be nàwɔ la, ale be tso fifia dzi va se ɖe esime míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo natrɔ ava la, ame aɖeke makpɔ kpɔtsɔtsɔ le ŋutiwò o. Elabena ne ɣeyiɣia ɖo la, Mawu yayratɔ, fiawo dzi Fia, aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ si koe nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la aɖe Kristo afia tso dziƒo. Mawu sia ɖeka hɔ̃ɔ koe mate ŋu aku o; keklẽ gã dziŋɔ aɖe ƒo xlãe ale gbegbe be amegbetɔ aɖeke mate ŋu ate ɖe eŋuti o. Amegbetɔ aɖeke mekpɔe kpɔ o, eye womakpɔe akpɔ hã o. Eya tɔ nanye bubu kple ŋusẽ kple dziɖuɖu tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Amen.
Gblɔ na kesinɔtɔ siwo le xexe sia me la katã be womegada wo ɖokuiwo, eye woaɖo ŋu ɖe woƒe ga si nu ava yi kpuie la ŋuti o; ke boŋ woƒe dada kple ŋuɖoɖo nanɔ Mawu gbagbe si naa nu siwo katã míehiã na míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ la mí fũu ɖeɖe ko ŋu. Gblɔ na wo be woawɔ woƒe ga ŋu dɔ le dɔ nyui wɔwɔ me. Ele be woazu kesinɔtɔwo le dɔ nyui wɔwɔ me, eye woana nu hiãtɔwo faa kple dzidzɔ, eye woanɔ klalo ɣe sia ɣi be woama nu sia nu si Mawu tsɔ na wo la kple ame bubuwo. To esia wɔwɔ me la, woanɔ kesinɔnu vavãwo ƒom ƒu ɖe dziƒo na wo ɖokuiwo. Eya koe anye gɔmeɖoanyi nyui hena ɣeyiɣi si gbɔna, be woƒe asi nasu agbe vavã la dzi.
O, Timoteo, mègado kpo nu siwo Mawu tsɔ de asiwò la wɔwɔ o. Mègahe nya manyatanu kple ame siwo dana be yewonya nu, evɔ womenyae o la o. Ame siawo bu nu vevitɔ kekeake le agbe me.
Womexɔ se o. Amenuveve nanɔ anyi kpli mi katã.