- Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020 Samuel 1 Samuel ƒe agbalẽ gbãtɔ Samuel 1 Sa1 Samuel ƒe agbalẽ gbãtɔ Samuel dzidzi Esiae nye Elkana, ŋutsu aɖe si nye Efraimtɔ eye wònɔ Ramataim Zofim le Efraim ƒe to la dzi ƒe ŋutinya. Fofoae nye Yeroham, ame si fofoe nye Elihu, ame si fofoe nye Tohu eye Tohu fofoe nye Zuf ame siwo nye Efraimtɔwo. Srɔ̃ eve nɔ Elkana si, ame siwo nye Hana kple Penina. Viwo nɔ Penina si ke Hana ya medzi vi o. Elkana kple srɔ̃awo kple wo viwo zɔa mɔ ƒe sia ƒe yia Yehowa ƒe agbadɔ la me le Silo be woasubɔ Yehowa, ŋusẽkatãtɔ la, eye woasa vɔ nɛ. Yehowa ƒe nunɔla siwo nɔ subɔsubɔdɔwo wɔm ɣe ma ɣi woe nye Eli kple via eveawo; Hofni kple Finehas. Ne ɣeyiɣi de be Elkana nasa vɔ la, aka vɔsalã la ƒe ɖe na srɔ̃a Penina kple via ŋutsuwo kple via nyɔnuwo katã. Ke enaa lã la ƒe akpa eve Hana ya elabena togbɔ be elɔ̃e hã la Yehowa tu eƒe vidzidɔ. Esi wònye be Yehowa tu eƒe vidzidɔ ta la, atsusia nɔa dzigbãnyawo gblɔm ɖe eŋu be ne wòado dziku. Esia yia dzi ƒe sia ƒe. Nenye be Hana yi ɖe Yehowa ƒe aƒe me la, atsusia gblɔa nya doa dziku nɛ va se ɖe esime wòwoa avi eye wògbea nuɖuɖu. Srɔ̃a Elkana bianɛ be, “Hana, nya kae na nèle avi fam? Nu ka ŋuti nègbe nuɖuɖu? Nu ka ŋuti nèle nu xam ale? Ɖe nyamewu viŋutsu ewo na wò oa?” Gbe ɖeka le Silo, esi woɖu nu, no nu vɔ la, Hana yi Agbadɔ la me, nunɔla Eli nɔ anyi ɖe eƒe teƒe le Yehowa ƒe Agbadɔ la ƒe mɔnu. Hana nɔ nu xam vevie, nɔ avi fam le esime wònɔ gbe dom ɖa na Yehowa eye wòɖe adzɔgbe na Yehowa be, “O Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, ne àkpɔ wò dɔla ƒe nublanuitɔnyenye dzi ɖa, aɖo ŋku dzinye eye màŋlɔ wò dɔla be o, ke boŋ nànae viŋutsu la, ekema matsɔe na Yehowa le eƒe agbemeŋkekewo katã me eye talũhɛ maka eƒe ta ŋu o.” Esime Hana nɔ gbe dom ɖa na Yehowa la, Eli nɔ ŋku lém ɖe eƒe nuyiwo ŋu. Hana do gbea ɖa le eƒe dzi me, eƒe nuyiwo nɔ ʋaʋãm butubutu gake eƒe gbe meɖi wose o, eya ta Eli bu be ahae wòmu. Ale Eli biae be, “Va se ɖe ɣe ka ɣi nàmu aha? Na wain la nakɔ le mo na wò.” Hana ɖo eŋu gblɔ be, “Ao, nye aƒetɔ, nyɔnu si ƒe dzi le nu xam lae menye. Nyemenoa wain alo aha sesẽ o; ke boŋ nye dzimenuxaxa ko ɖem mele ɖe Yehowa ŋkume. Mègabu wò dɔlanyɔnu vɔ̃ɖi o. Nye xaxawo tae mele gbe dom ɖa le afi sia le nuxaxa blibo me.” Eli gblɔ be, “Heyi le ŋutifafa me eye Israel ƒe Mawu la nana nu si nèbiae la wò!” Hana gblɔ be, “Na wò dɔla nakpɔ amenuveve le gbɔwò.” Ale wòlé eƒe mɔ tsɔ eye wòdi nane ɖu, ale be megato mo azɔ o. Ƒome blibo la fɔ ŋdi kanya heyi ɖasubɔ Yehowa le Agbadɔ la me eye wotrɔ yi woƒe aƒe me le Rama. Elkana dɔ srɔ̃a Hana gbɔ eye Yehowa ɖo ŋku Hana dzi. Ale le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Hana fɔ fu, dzi viŋutsu eye wòna ŋkɔe be Samuel elabena egblɔ be, “Yehowa si mee mebiae le.” Hana tsɔ Samuel na Mawu Esi ƒe trɔ la, Elkana kple eƒe ƒometɔwo katã gawɔ mɔzɔzɔ si wowɔna ƒe sia ƒe heyi ɖe Yehowa ƒe Agbadɔ la me be wòaxe eƒe adzɔgbeɖefe. Ke Hana meyi o. Egblɔ na srɔ̃a be, “Malala va se ɖe esime ɖevi la dzudzɔ nonono ekema makplɔe ayi na Yehowa eye wòanɔ afi ma ɖaa.” Elkana lɔ̃ ɖe edzi hegblɔ be, “Enyo; wɔ nu sia nu si nèkpɔ be edze. Woawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu.” Ale Hana nɔ aƒe me va se ɖe esime Samuel dzudzɔ nonono. Esi wòtso no na ɖevia la, ekplɔ ɖevi la, togbɔ be metsi o hã la, etsɔ nyitsu si xɔ ƒe etɔ̃, wɔ lita blaeve-vɔ-eve kple wainlãgbalẽgolo ɖeka kpe ɖe eŋuti eye wòkplɔe va Yehowa ƒe aƒe me le Silo. Le vɔsa la megbe la, wokplɔ ɖevi la yi Eli gbɔ. Hana bia Eli be, “Nye aƒetɔ, èɖo ŋku dzinyea? Nyee nye nyɔnu si tsi tsitre ɖe afi sia ɣe aɖe ɣi henɔ gbe dom ɖa na Yehowa. Meɖe kuku nɛ be wòana ɖevi siam eye wòna nu si mebiae lam. Eya ta mele ɖevi la tsɔm na Yehowa azɔ le eƒe agbemeŋkekewo katã me.” Ale Hana gblẽ ɖevia ɖe afi ma le Agbadɔ la me na Yehowa. Hana ƒe gbedodoɖa Hana do gbe ɖa be, “Nye dzi le aseye tsom le Yehowa me; le Yehowa me nye dzo de dzi bobobo. Nye nu ʋu ɖe nye futɔwo ŋu eye medzɔ dzi le wò ɖeɖe la me. “Ame aɖeke mele kɔkɔe abe Yehowa ene o! Bubu aɖeke megali o kpe ɖe ŋutiwò o. Eye Agakpe aɖeke meli abe míaƒe Mawu ene o. “Mèganɔ nu ƒom dadatɔe nenema o, elabena Yehowae nye Mawu si nya nu sia nu eye wòdaa miaƒe nuwɔnawo kpɔna. “Woŋe ŋusẽtɔwo ƒe aŋutrɔwo ke ame beliwo la, etsɔ ŋusẽ bla ali dzi na wo. Ame siwo ɖi ƒo tsã la, tsɔ wo ɖokui ɖo awɔbae na nuɖuɖu, ke ame siwo dɔ wu tsã la, dɔ megale wo wum o. Ame si tsi ko tsã la dzi vi adre azɔ, ke ame si si vi adre nɔ la ƒe vidzidɔ lé ayi. “Yehowa wua ame gagbɔa agbe ame; enana woyia yɔ me eye wògafɔa ame tso yɔ me. Yehowa ɖoa ahedada ɖa eye eya kee gaɖoa hokpɔkpɔ ɖa; eyae bɔbɔa ame ɖe anyi eye eya kee gadoa ame ɖe dzi. Eyae ɖea ame dahe tso ke me eye wòfɔa hiãtɔ tso afi me enaa zikpui wo ɖe dziɖulawo xa eye wònaa wonyia dome kple bubu ƒe fiazikpui. “Elabena Yehowa tɔe nye anyigba ƒe gɔmeɖokpe; eya dzie wòɖo xexea me gɔme anyi ɖo. Adzɔ eƒe ame kɔkɔewo ƒe afɔ ŋu, ke ɖoɖoe azi le ame vɔ̃ɖiwo nu le viviti me. “Menye kalẽ me ame tona ɖua dzi o; ame siwo tso ɖe Yehowa ŋu la, woakaka wo. Dziƒoʋĩtɔ la aɖe gbe ɖe wo dzi tso dziƒo; Yehowa adrɔ̃ ʋɔnu Anyigba ƒe mlɔenu ke hã. “Ana ŋusẽ eƒe fia la eye wòakɔ eƒe amesiamina la ƒe dzo ɖe dzi.” Ale Elkana yi aƒe me le Rama, ke ɖevi la subɔ le Yehowa ŋkume le nunɔla Eli ƒe kpɔkplɔ te. Eli viŋutsuwo ƒe nu tovo wɔwɔ Azɔ Eli viŋutsuwo nye nu tovo wɔlawo, ame siwo mevɔ̃a Yehowa loo alo dea bubu nunɔlawo ƒe dɔdeasiwo na dukɔ la ŋu o. Ne ame aɖe va sa vɔ la, nunɔla la ƒe dɔla la vana léa gaflo nuetɔ̃ ɖe asi esime vɔsalã la le dzo dzi. Dɔla la tsɔa gaflo la ƒona ɖe gaze, kutu, agba alo nuɖaze si me wole lã la ɖam le la me eye nu sia nu si ke gaflo la tɔ la etsɔnɛ doa goe na nunɔla. Aleae wowɔna le Silo ɖe Israelvi ɖe sia ɖe si vaa afi ma la ŋuti. Gawu la, hafi woatɔ dzo lãmia la nunɔla la ƒe dɔla vana gblɔna na ame si le vɔ la sam la be, “Tsɔ lã la ƒe ɖe na nunɔlaa be wòame elabena maxɔ lã ɖaɖa le asiwò o negbe mumua ko.” Ne ame si le vɔ la sam gblɔ be, “Àte ŋu atsɔ lã si dze ŋuwò, gake ele be woatɔ dzo lãmi la gbã abe ale si woɖoe da ɖi ene” la, subɔla la gblɔna be, “Ao, ne mèɖe asi le eŋu nam fifi laa o la, matsɔe sesẽtɔe!” Ale ɖekakpui siawo ƒe nu vɔ̃ tri akɔ le Yehowa ƒe ŋkume elabena wodoa vlo ameawo ƒe vɔ siwo wosana na Yehowa. Ke Samuel ya subɔna le Yehowa ŋkume, enye ɖevi si doa aklala biɖibiɖi ƒe kɔmewu. Dadaa tɔa awu ʋlaya sue aɖe nɛ ƒe sia ƒe ne eya kple srɔ̃a gbɔna vɔsaƒe. Eli yraa Elkana kple srɔ̃a Hana gblɔna be, “Yehowa nana nyɔnu sia nadzi viwo na wò ne woaxɔ ɖe esi wòdo gbe ɖa bia gagbugbɔ tsɔ na Yehowa la teƒe.” Ale wodzona yina ɖe wo de. Yehowa ve Hana nu wòdzi viŋutsu etɔ̃ kple vinyɔnu eve ɖe Samuel yome. Ale Samuel tsi ɖe edzi le Yehowa ƒe ŋkume. Eli zu amegãɖeɖi aɖe azɔ gake enya nu siwo katã viawo nɔa wɔwɔm ɖe Israel blibo la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, enya be ye viŋutsuwo nɔ ahasi wɔm kple ɖetugbi siwo wɔa subɔsubɔdɔwo le Agbadɔ la me. Egblɔ na viawo be, “Nu ka ta miele nu vɔ̃ɖi sia wɔm? Ame sia ame le nu ƒom le miaƒe agbe vlo nɔnɔ ŋu nam. Nya siwo sem mele tso mia ŋu la, menya sena kura o. Miele Yehowa ƒe amewo kplɔm de nu vɔ̃ me. Ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ ɖe nɔvia amegbetɔ ŋu la, Mawu adrɔ̃ ʋɔnui. Ke ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu la, ame kae aɖe kuku ɖe enu?” Togbɔ be wo fofo gbe nya na wo alea hã la, womeɖo toe o elabena Yehowa ɖo be yeawu wo. Samuel, ɖevi sue la, nɔ tsitsim ɖe edzi, enye ame sia ame ƒe lɔlɔ̃tɔ eye eƒe nu nyo Yehowa hã ŋu. Nyagblɔɖi tso Eli ƒe aƒegbegblẽ ŋuti Gbe ɖeka la, Mawu ƒe ame aɖe va Eli gbɔ eye wògblɔ nya siawo, siwo tso Yehowa gbɔ la nɛ. “Ɖe nyemeɖe nye ŋusẽ fia esi Israelviwo nye kluviwo le Egiptenyigba dzi oa? Ɖe nyemetia mia tɔgbi Levi tso Israel towo katã dome be wòanye nunɔla nam, be wòasa vɔ le nye vɔsamlekpui dzi, wòatsɔ nu ʋeʋĩ ado dzudzɔ nam eye wòado nunɔlawo ƒe awu ne ele subɔyem oa? Eye ɖe nyemetsɔa vɔsanuwo naa mi nunɔlawo oa? Ekema nu ka ta miele ŋu klẽm ale ɖe vɔsanu bubu siwo ameawo tsɔna vanɛ nam la ŋu? Nu ka ta nède bubu viwòwo ŋu wu ŋunye? Nu nyui siwo Israel, nye amewo tsɔna vanɛ la na be wò kple woawo siaa mieda ami! “Eya ta Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be, ‘Medo ŋugbe be wò kple fofowò ƒe aƒe asubɔ le ŋkunye me tegbee.’ Ke azɔ la Yehowa be, ‘Esia nete ɖa xaa tso gbɔnye! Ame siwo de bubu ŋutinye la, made bubu wo ŋu, ke ame siwo do vlom la, woaɖu ŋukpe. Ɣeyiɣi la gbɔna esi maɖe wò kple fofowò ƒe aƒe ƒe ŋusẽ dzi akpɔtɔ ale be amegãɖeɖi aɖeke manɔ wò ƒomea me o, eye àkpɔ xaxa le nye nɔƒe la me. Togbɔ be woawɔ nyui na Israel hã la, ke wò ƒome me ya la, amegãɖeɖi manɔ anyi akpɔ gbeɖe o. Mia dometɔ ɖe sia ɖe si nyemeɖe ɖa le nye vɔsamlekpui ŋgɔ o la atsi agbe, gake woana aɖatsi natsyɔ wò ŋkuwo dzi eye woahe dzigbagbã vɛ na wò. Ale wò dzidzimeviwo katã aku le woƒe ɖekakpui dzodzoe me. “ ‘Azɔ nu si ava dzɔ ɖe viwò ŋutsu eveawo, siwo nye Hofni kple Finehas dzi anye dzesi na wò; wo ame evea katã woaku le ŋkeke ɖeka dzi. Maɖo nunɔla nuteƒewɔla na ɖokuinye ame si awɔ ɖe nu si meɖo ɖe nye dzi me kple ta me la dzi. Mali ke eƒe aƒe la sesĩe eye wòasubɔ le nye amesiamina la ƒe ŋkume ɖaa. Ekema ame sia ame si susɔ ɖe wò ƒome la me ava de ta agu ɖe eŋkume abia klosaloga ɖeka alo abolo kakɛ aɖe kple kukuɖeɖe be, “De nunɔla ƒe dɔ aɖe asi nam ale be mate ŋu akpɔ nu vi aɖe aɖu.” ’ ” Yehowa yɔ Samuel Samuel, ɖevi sue la, nɔ Yehowa subɔm to kpekpe ɖe Eli ŋu me. Le ɣe ma ɣi me la, ƒãa hafi Yehowa naƒo nu na amegbetɔ eye ŋutegakpɔkpɔ hã mebɔ o. Fifia, Eli zu amegãɖeɖi eye eƒe ŋkuwo megakpɔa nu tututu o. Emlɔ eƒe xɔ me le zã me gbe ɖeka eye Samuel hã mlɔ gbedoxɔ la me le afi si nubablaɖaka la nɔ. Ke esi wòsusɔ vie woatsi xɔmekaɖiwo la, Yehowa yɔe be, “Samuel! Samuel!” Samuel tɔ be, “Papaa!” Efɔ eye wòƒu du yi Eli gbɔ hegblɔ be, “Nyee nye esi, nu ka mawɔ na wò?” Eli gblɔ nɛ be, “Vinye, nyemeyɔ wò o, yi ɖamlɔ anyi.” Ale wòtrɔ yi ɖamlɔ anyi. Yehowa gayɔe ake be, “Samuel! Samuel!” Samuel gafɔ eye wògaƒu du yi Eli gbɔ. Egagblɔ be, “Nye aƒetɔ, nu ka mawɔ na wò?” Eli gblɔ be, “Vinye, nyemeyɔ wò o, yi nàmlɔ anyi.” Samuel medze si Yehowa haɖe o eye Yehowa meƒo nu nɛ kpɔ haɖe hã o. Yehowa gayɔ Samuel zi etɔ̃lia. Samuel gaƒu du yi Eli gbɔ eye wògagblɔ nɛ be, “Nye aƒetɔ, nu ka mawɔ na wò?” Azɔ Eli dze sii be Yehowae nɔ nu ƒom na ɖevia eya ta wògblɔ na Samuel be, “Gayi ɖamlɔ anyi; ne egayɔ wò la, nàgblɔ nɛ be, ‘Yehowa ƒo nu, wò dɔla le to ɖom.’ ” Samuel gayi ɖamlɔ anyi. Yehowa gayɔe abe tsã ene be, “Samuel! Samuel!” Samuel ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, meɖe kuku, ƒo nu, wò dɔla le to ɖom.” Yehowa gblɔ na Samuel be, “Mele nu dziŋɔ aɖe wɔ ge le Israel. Mawɔ nu dziŋɔ siwo katã ŋu meƒo nu tsoe na Eli. Metsɔ tohehe do ŋgɔ na Eli kple eƒe ƒome blibo la elabena viawo le busunuwo wɔm ɖe Mawu ŋu eye Eli megbe na wo o. Eya ta meka atam be vɔsawo kple nunanawo mate ŋu ana woatsɔ Eli kple viawo ƒe nu vɔ̃wo ake akpɔ o.” Samuel nɔ anyimlɔƒe va se ɖe ŋdi. Eʋu gbedoxɔ la ƒe ʋɔtru abe ale si wòwɔna ɖaa ene, ke enɔ vɔvɔ̃m be yeagblɔ nya si Yehowa gblɔ nɛ la na Eli. Ke Eli yɔe be, “Vinye Samuel.” Samuel ɖo eŋu be, “Nyee nye esi.” Eli biae be, “Nya kae Yehowa gblɔ na wò? Gblɔ nya sia nya nam; Mawu nehe to na wò vevie ne ètsɔ nya aɖe ɣlam!” Ale Samuel gblɔ nya sia nya si Yehowa gblɔ nɛ la na Eli eye Eli ɖo eŋu be, “Yehowa ƒe lɔlɔ̃nue; eya ŋutɔ nena nu si tututu wòkpɔ be eyae nye nyuitɔ la nava eme.” Esi Samuel nɔ tsitsim la, Yehowa nɔ kplii eye wòna be nya sia nya si Samuel gblɔ la vaa eme. Eya ta Israel blibo la, tso Dan yi Beerseba nya be Yehowa ɖo Samuel nyagblɔɖilae. Yehowa gaɖea eɖokui fiana le Silo. Eɖe eɖokui fia Samuel eye wòƒo nu nɛ le afi ma. Ne Samuel ƒo nu la, Israel blibo la ɖoa toe. Eye Samuel ƒe nya de Israel blibo gbɔ. Filistitɔwo xɔ nubablaɖaka la Le ɣeyiɣi ma me la, aʋa dzɔ ɖe Israelviwo kple Filistitɔwo dome. Israel ƒu asaɖa anyi ɖe Ebenezer gbɔ eye Filistitɔwo ƒe aʋakɔ nɔ Afek. Filistitɔwo ɖu Israelviwo dzi; wowu Israelvi akpe ene. Esi aʋa la ke la, Israelviwo trɔ yi woƒe asaɖa me eye woƒe kplɔlawo de ŋugble tso nu si ta Yehowa na Filisitɔwo ɖu wo dzi la ŋu. Wogblɔ be, “Mina míatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tso Silo ava afi sia. Ne míetsɔe yi aʋagbedzi kpli mí la, Yehowa anɔ mía dome eye wòaɖe mí tso míaƒe futɔwo si me kokoko.” Ale wona woyi ɖatsɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe nubablaɖaka vɛ, Yehowa nɔ anyi ɖe nubablaɖaka sia ƒe Kerubiwo tame. Hofni kple Finehas, Eli viŋutsu eveawo, kplɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la ɖo yi aʋagbedzi. Esi Israelviwo kpɔ be wotsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la gbɔnae la, woƒe dzidzɔɣli de dzi bobobo ale gbegbe be ena anyigba ʋuʋu kloe! Filistitɔwo bia be, “Nya kae le dzɔdzɔm? Nu ka ɣlie le ɖiɖim bobobo nenema le Hebritɔwo ƒe asaɖa me?” Esi wogblɔ na wo be Yehowa ƒe nubablaɖaka lae va ɖo tae la, dzidzi ƒo wo. Wodo ɣli be, “Mawu va ɖo woƒe asaɖa me, babaa na mí elabena míedo go nu sia tɔgbi kpɔ o! Ame kae ate ŋu aɖe mí tso Mawu ŋusẽtɔ si me? Mawu siawo kee tsrɔ̃ Egiptetɔwo kple dɔ vɔ̃wo esime Israel nɔ gbedzi. Oo, Filistitɔwo, miwɔ aʋa kple ŋusẽ abe ale si miewɔ kpɔ o ene, ne menye nenema o la, míazu woƒe kluviwo abe ale si wonye míaƒe kluviwo egbe ene.” Ale Filistitɔwo wɔ aʋa kple ŋusẽ eye wogaɖu Israelviwo dzi. Wowu Israelvi akpe blaetɔ̃ gbe ma gbe eye agbetsiawo si yi woƒe agbadɔwo me. Filistitɔwo xɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la eye wowu Hofni kple Finehas gbe ma gbe. Eli ƒe ku Ŋutsu aɖe si tso Benyamin ƒe to la me la, ƒu du tso aʋagbedzi eye wòɖo Silo gbe ma gbe ke. Eƒe awuwo vuvu eye ʋuʋudedi nɔ tame nɛ. Nɔnɔme sia fia konyifafa le ɣe ma ɣi me. Eli nɔ lalam le mɔto be yease nya aɖe tso aʋa la ŋu elabena etsi dzimaɖeɖi ɖe Mawu ƒe nubablaɖaka la ƒe dedinɔnɔ ŋu. Esime ame dɔdɔ la tso aʋagbedzi va gblɔ nya si dzɔ la, ameawo fa avi hoo le du blibo la me. Eli bia be, “Nu kae na amewo le avi fam hoo alea?” Ame dɔdɔ la te ɖe Eli ŋu enumake eye wòka nya la ta nɛ. Azɔ Eli xɔ ƒe blaasiekɛ-vɔ-enyi eye eƒe ŋkuwo megale nu kpɔm nyuie o. Ame dɔdɔ la gblɔ na Eli be, “Mede aʋagbe la dzi egbe, fifi laa koe mesi trɔ gbɔ.” Eli biae be, “Nu kae dzɔ, Vinye ɖe?” Ame dɔdɔ la ɖo eŋu be, “Woɖu Israelviwo dzi eye wowu Israelvi geɖewo, wowu viwò eveawo, Hofni kple Finehas hã eye woxɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la hã.” Esi ame dɔdɔ la gblɔ nya si dzɔ ɖe Mawu ƒe nubablaɖaka la dzi ko la, Eli mu le eƒe zikpui dzi, dze anyi ɖe megbe le eƒe agbo la nu. Etɔ kɔ anyi eye wòku elabena etsi eye wònye ame lolo hã. Edrɔ̃ ʋɔnu na Israel ƒe blaene hafi ku. Esi Eli ƒe toyɔvi, Finehas srɔ̃, ame si nye funɔ la se be woxɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la eye ye srɔ̃, Finehas kple ye to, Eli ku la, fu de asi eɖuɖu me enumake. Aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo do ŋgɔ na eƒe ku la, nyɔnu siwo nɔ egbɔ la gblɔ nɛ be edzi viŋutsuvi, ke womegblɔ nya boo aɖeke o. Ena ŋkɔ ŋutsuvi la be, “Ikabod” si gɔmee nye “Israel ƒe ŋutikɔkɔe nu tso.” Elabena woxɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la eye srɔ̃a kple toa siaa ku. Egblɔ be, “Israel ƒe ŋutikɔkɔe nu tso elabena woxɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la.” Nubablaɖaka la le Asdod kple Ekron Filistitɔwo tsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la tso aʋagbe la dzi le Ebenezer yi woƒe mawu Dagon, ƒe gbedoxɔ me le Asdod eye wodae ɖe Dagon gbɔ. Esi ame aɖewo yi be yewoakpɔe ɖa le ŋdi la, wokpɔ be Dagon dze anyi eye wòtsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋkume! Wofɔe da ɖe eteƒe ke esi ŋu gake la, egadzɔ nenema tututu: legba la gadze anyi ɖe Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ. Ke azɔ ya la, eƒe asiwo kple eƒe ta lã ɖa le eŋu eye wònɔ mɔnu. Ale legba la tsi anyi kponogo. Le esia ta, va se ɖe egbe la, Dagon nunɔlawo kple esubɔlawo megaɖoa afɔ Dagon ƒe kpui nu le Asdod o. Yehowa ƒe asi sẽ ɖe Asdodtɔwo kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo la me tɔwo dzi, ehe gbegblẽ va wo dzii eye wòna ƒoƒoe vɔ̃ te wo. Esi ameawo dze si nu si de asi dzɔdzɔ ɖe wo dzi la, wodo ɣli be, “Míagate ŋu ana Israel ƒe Mawu ƒe nubablaɖaka la naganɔ afi sia o, elabena eƒe asi sẽ ɖe míawo ŋutɔ kple míaƒe mawu Dagon siaa dzi.” Ale woyɔ takpekpe na Filistitɔwo ƒe dziɖulawo katã, eye wobia wo be, “Nu ka míawɔ kple Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka?” Woɖo eŋu be, “Mitsɔ Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka yi ɖada ɖe Gat.” Ale woɖe Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la ɖa. Ke esi wotsɔe yi afi mae ko la Yehowa ƒe asi va Gat du la dzi, eye ŋɔdzi kple dzodzonyanya lé ameawo. Eƒo dua me nɔlawo, ɖeviawo kple tsitsiawo siaa kple ƒoƒoe. Ale wotsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la ɖo ta Ekron. Ke esi Ekrontɔwo kpɔe wògbɔna wo gbɔ ko la, wodo ɣli be, “Wotsɔ Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la gbɔna afi sia be wòawu mí kple míaƒe amewo.” Ale wogayɔ du atɔ̃awo kplɔlawo ƒo ƒui eye woɖe kuku na wo be woaɖo Mawu ƒe nubablaɖaka la ɖe eƒe dukɔ Israel ale be dua me tɔwo katã mava ku o. Dɔ la de asi amewo léle me ale vɔvɔ̃ ɖo ame sia ame le dua me. Ame siwo meku haɖe o la nɔ dɔ lém kutɔkutɔe, ale du la ƒe avifafa de dzi. Wotrɔ nubablaɖaka la na Israelviwo Yehowa ƒe nubablaɖaka la nɔ Filistitɔwo ƒe anyigba dzi ɣleti adre. Filistitɔwo yɔ woƒe nunɔlawo kple afakalawo ƒo ƒui eye wobia wo be, “Nu ka tututu míawɔ tso Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋu? Nunana ka ƒomevi míatsɔ akpe ɖe eŋu ne míegbugbɔe yi Israelviwo ƒe anyigba dzi?” Woɖo eŋu be, “Ne miebe yewoatrɔ Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la ayi la, migaɖoe ɖa asi ƒuƒlui o, ke boŋ godoo la, mitsɔ fɔɖivɔsa kpe ɖe eŋuti. Ekema miakpɔ dɔyɔyɔ eye miakpɔe ɖa be eƒe asi madzo le mia dzi o mahã?” Filistitɔwo bia be, “Fɔɖivɔsanu kae míatsɔ aɖo ɖa?” Woɖo eŋu be, “Sikaƒoƒoe atɔ̃ kple afi si wowɔ kple sika la atɔ̃, ɖe Filistitɔwo ƒe amegãwo ƒe xexlẽme nu elabena dɔvɔ̃ ɖeka ƒomevie va dze mi kple mia dziɖulawo siaa dzi. Miwɔ nuƒoƒoeawo kple afi siwo le miaƒe anyigba gblẽm la ƒe nɔnɔmewo eye miade bubu Israel ƒe Mawu la ŋu. Ɖewohĩ aɖe eƒe dɔmedzoe si wòda ɖe miawo ŋutɔ kple miaƒe mawuawo kple miaƒe anyigba dzi la ɖa. Nu ka ŋuti miesẽ miaƒe dzi me abe ale si Egiptetɔwo kple Farao wɔ ene? Esi wòwɔ fu wo la ɖe womeɖo Israelviwo ɖa be woadzo oa? “Miwɔ tasiaɖam yeye eye miatsii ɖe nyinɔ eve siwo dzi vi le ŋkeke siawo me eye wometsi keke ɖe wo ŋu kpɔ haɖe o la ŋuti. Milé wo viwo de kpo me. Mitsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la eye midae ɖe tasiaɖam la dzi, mitsɔ aɖaka si me avulénu siwo wowɔ kple sika, siwo ɖom miele ɖa abe avulénu ene la da ɖe exa. Miɖoe ɖe mɔ dzi, gake miaƒe ŋku nanɔ eŋuti. Nenye be eyi ɖe eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi ɖo ta Bet Semes la, ekema Yehowae he dɔvɔ̃ sia va mía dzii. Gake ne mewɔe nenema o la, ekema míanyae be menye eƒe asie ƒo mí o, ke boŋ nane koe wònye va dzɔ ɖe mía dzi.” Ale wowɔ nu si wogblɔ na wo. Wotsi nyinɔ eve ɖe tasiaɖam la ŋu eye wotu wo viwo ɖe kpo me. Wotsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la kple aɖaka si me sikafiwo kple sikaƒoƒoeawo nɔ la da ɖe tasiaɖam la dzi. Enumake nyinɔawo dze mɔ tẽe ɖo ta Bet Semes henɔ xɔxlɔ̃m sesĩe le mɔa dzi, womedze ɖe ɖusime alo miame o. Filistitɔwo ƒe amegãwo dze wo yome va se ɖe Bet Semes ƒe liƒo dzi. Bet Semestɔwo nɔ lu xam le balime le ɣe ma ɣi eye esi wofɔ mo dzi kpɔ nubablaɖaka la, wogli kple dzidzɔ! Keke la ge ɖe ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Yosua, ame si tso Bet Semes la ƒe agble me eye wòtɔ ɖe agakpe gã aɖe gbɔ. Ameawo fli tasiaɖam la ƒe atiwo hedo dzo eye wowu nyiawo hesa numevɔ na Yehowa. Ame aɖewo tso Levi ƒe to la me ɖe nubablaɖaka la kple aɖaka si me sikalegeliawo kple sikaƒoƒoeawo nɔ la le keke la dzi eye woda wo ɖe agakpe la dzi. Bet Semestɔwo sa numevɔ kple akpedavɔ na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, gbe ma gbe. Esi Filistitɔwo lé ŋku ɖe nuwo ƒe yiyi ŋu sẽe la, wotrɔ yi Ekron gbe ma gbe ke. Sikaƒoƒoe atɔ̃ siwo Filistitɔwo ɖo ɖa abe fɔɖivɔsanu ene la nye nunana tso Asdod, Gaza, Askelon, Gat kple Ekron ƒe amegãwo gbɔ. Woɖo sikafiawo ɖa abe avulévɔsanu ene na Yehowa ɖe Filistitɔwo ƒe du bubuwo ta, ɖe du gã siwo woglã kple kɔƒe siwo nɔ amegã atɔ̃awo ƒe dzikpɔkpɔ te la siaa nu. Agakpe gã si dzi woda nubablaɖaka la ɖo le Bet Semes la gale Yosua ƒe agble la me va se ɖe egbe. Ke Yehowa wu Bet Semestɔ blaadre elabena wokpɔ nubablaɖaka la me. Dukɔ la fa konyi le ame geɖe siwo Yehowa wu la ta. Ameawo bia be, “Ame kae ate ŋu atsi tsitre ɖe Yehowa, Mawu kɔkɔe sia, ƒe ŋkume? Afi ka miatsɔ nubablaɖaka la ayi?” Ale woɖo du ɖe Kiriat Yearimtɔwo kple kukuɖeɖe be, “Filistitɔwo tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la vɛ eya ta miva ne miakɔe yi mia gbɔe.” Ale Kiriat Yearimtɔwo va tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la yi ɖada ɖe Abinadab ƒe aƒe si le to dzi la me. Wokɔ via, Eleazar, ŋuti be wòakpɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la dzi. Nubablaɖaka la nɔ Kiriat Yearim ƒe blaeve. Samuel ɖu Filistitɔwo dzi le Mizpa Israelviwo xa nu to ƒe siawo me elabena edze na wo abe ɖe Yehowa gblẽ wo ɖi ene. Samuel gblɔ na Israel ƒe aƒe blibo la be, “Ne mieɖo ta me kplikpaa be yewoatrɔ ayi Yehowa gbɔ la, ekema miɖe asi le miaƒe dzromawuwo kple Astarɔtwo ŋu. Miɖo ta me kplikpaa azɔ be miaɖo to Yehowa ɖeɖe ko ekema aɖe mi tso Filistitɔwo si me.” Ale woɖe asi le Baal kple Astarɔtwo ŋuti eye wosubɔ Yehowa ɖeɖe ko. Samuel gblɔ na wo be, “Mi katã miva Mizpa eye mado gbe ɖa na Yehowa ɖe mia ta.” Wova kpe ta ɖe Mizpa, woku tsi tso vudo aɖe me kɔ ɖe anyigba le Yehowa ŋkume eye wotsi nu dɔ ŋkeke blibo ɖeka abe nuxaxa ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta ene. Ale Samuel zu Israel ƒe ʋɔnudrɔ̃la le Mizpa. Esi Filistitɔwo ƒe amegãwo se nya tso takpekpe gã si wowɔ le Mizpa ŋu la, woƒo woƒe aʋawɔlawo nu ƒu eye wolũ ɖe Israelviwo dzi. Vɔvɔ̃ ɖo Israelviwo ŋutɔ esi wose be Filistitɔwo gogo yewo. Wogblɔ na Samuel be, “Mègadzudzɔ kokoƒoƒo na Yehowa, míaƒe Mawu la ɖe mía ta o, ale be wòaɖe mí tso Filistitɔwo ƒe asi me.” Ale Samuel tsɔ alẽvi aɖe sa numevɔ na Yehowa eye wòɖe kuku nɛ be wòave Israel nu. Edo ɣli na Yehowa ɖe Israel nu eye Yehowa se eƒe gbedodoɖa. Esi Samuel nɔ numevɔ sam ko la, Filistitɔwo ƒo ɖe Israelviwo dzi bibibi hena aʋawɔwɔ. Ke Yehowa ɖe gbe kple dziɖegbe ƒe gbe ɖe Filistitɔwo dzi, ŋɔdzi lé wo eye wotɔtɔ. Israelviwo dze wo dzi, fiti wo. Israel ŋutsuwo do go tso Mizpa heti Filistitɔwo yome kple du eye wonɔ wo wum le mɔ dzi va se ɖe Bet Kar ƒe anyigbe ke. Samuel tsɔ kpe aɖe da ɖe Mizpa kple Sen dome eye wòna ŋkɔe be, “Ebenezer” si gɔme nye “Amenuvekpe” elabena egblɔ be, “Afi siae Yehowa ve mía nu va se ɖo!” Ale wobɔbɔ Filistitɔwo ɖe anyi eye womegaho aʋa ɖe Israelviwo ŋu kpɔ o elabena Yehowa tsi tsitre ɖe wo ŋu le Samuel ƒe agbemeŋkeke mamlɛawo katã me. Israelviwo gbugbɔ woƒe du siwo nɔ Ekron kple Gat dome eye wonɔ Filistitɔwo si me la xɔ. Israel ɖe nuto siwo ƒo xlã wo la hã tso Filistitɔwo ƒe asi me. Ale ŋutifafa nɔ Israel kple Amoritɔwo dome. Samuel yi eƒe dɔ dzi abe Israel ƒe ʋɔnudrɔ̃la ene le eƒe agbemeŋkekewo katã me. Etsana ƒe sia ƒe drɔ̃a ʋɔnu gbã le Betel, emegbe le Gilgal eye le eya yome la, le Mizpa. Ale wòdrɔ̃a ʋɔnu na Israel le teƒe siawo katã. Egatrɔna vaa Rama elabena afi mae nye eƒe nɔƒe eye wògadrɔ̃a ʋɔnu le afi sia hã. Eɖi vɔsamlekpui na Yehowa ɖe Rama. Israelviwo di fia na wo ɖokui Esi Samuel tsi la, eɖo via ŋutsuwo ʋɔnudrɔ̃lawoe na Israel Via ŋutsu gbãtɔ ŋkɔe nye Yoel eye evelia ŋkɔe nye Abiya ame siwo drɔ̃ ʋɔnu le Beerseba. Via ŋutsuwo meto wo fofo ƒe afɔtoƒe o. Woɖe asi le mɔ dzɔdzɔe ŋu, heti viɖe ƒoɖi yome, woxɔa zãnu eye wotsoa afia ŋkunɔ. Ale Israel ƒe kplɔlawo katã kpe ta heva Samuel gbɔ le Rama Wogblɔ nɛ be, “Azɔ la ètsi eye viwò ŋutsuwo meto wò afɔtoƒe o, eya ta tia fia na mí be wòakplɔ mí abe ale si wòle le dukɔ bubuwo dome ene.” Ke esi wogblɔ be, “Tia fia na mí be wòakplɔ mí” la, esia medze Samuel ŋu o; eya ta wòdo gbe ɖa na Yehowa. Yehowa gblɔ na Samuel be, “Wɔ nu si wobia tso asiwò la na wo elabena menye wòe wogbe o, ke boŋ nyee wogbe abe woƒe fia ene. Tso esime mekplɔ wo dzoe le Egipte la, wogbea nu le gbɔnye enuenu eye wodzea mawu bubuwo yome. Azɔ la, wole nu ma ke wɔm ɖe ŋuwò. Azɔ la, ɖo to wo, gake xlɔ̃ nu wo vevie eye nàna woanya nu si fia si ava ɖu wo dzi la awɔ.” Ale Samuel gblɔ nya siwo katã Yehowa gblɔ la na ame siwo le ebiam be wòana fia yewo. Egblɔ na wo be, “Esia nye nu si fia si aɖu mia dzi la awɔ; atsɔ mia viŋutsuwo be woanye yeƒe tasiaɖamkulawo kple sɔdolawo eye wòana woasi du le eƒe tasiaɖamwo ŋgɔ. Atsɔ wo dometɔ aɖewo aɖo ame akpewo nu eye wo dometɔ aɖewo anɔ ame blaatɔ̃ aɖewo nu. Ɖewo aŋlɔ eƒe agblewo, axa nukuwo nɛ, nenema ke ɖewo hã anye eƒe aʋawɔnuwo wɔlawo kple tasiaɖamŋutinuwo wɔlawo. Axɔ mía vinyɔnuwo be woanye yeƒe amiʋeʋẽwɔlawo, nuɖalawo kple aboloƒolawo. Axɔ miaƒe agbledenyigba nyuitɔwo, waingblewo kple amitive nyuitɔwo le mia si atsɔ na eƒe dɔlawo. Axɔ miaƒe agblemenukuwo kple miaƒe wain tsetsewo ƒe ewolia eye wòatsɔ wo ana eƒe dɔnunɔlawo kple eƒe subɔlawo. Axɔ miaƒe dɔlaŋutsuwo, dɔlanyɔnuwo kple nyi damiwo le miaƒe nyiha me kple miaƒe tedziwo na eya ŋutɔ ɖokui. Axɔ miaƒe lãhawo ƒe ewolia eye miawo ŋutɔ miazu eƒe kluviwo. Ne ŋkeke ma va ɖo la, miafa avi be woana gbɔdzɔe mi tso fia si mietia la si me eye Yehowa matɔ na mi le ŋkeke ma dzi o.” Ke ameawo gbe toɖoɖo Samuel. Wogblɔ nɛ be, “Ao! Míedi fia be wòaɖu mía dzi. Ekema míanɔ abe dukɔ bubuawo katã ene eye fia anɔ mía si, ame si akplɔ mí eye wòado anɔ ŋgɔ na mí, awɔ aʋawo na mí.” Esi Samuel se nya siawo katã si ameawo gblɔ la, egbugbɔ wo gblɔ na Yehowa. Yehowa ɖo eŋu nɛ be, “Ɖo to wo eye nàna fia wo.” Tete Samuel gblɔ na Israel ŋutsuawo be, “Ame sia ame netrɔ yi eƒe du me.” Samuel lɔ̃ eye wòɖo ame sia ame ɖe eƒe du me. Saul yi Samuel gbɔ Kis nye kesinɔtɔ kple bubume aɖe tso Benyamin ƒe to la me. Fofoae nye Abiel, ame si nye Zeror vi, ame si nye Bekorat vi, ame si hã nye Afia vi. Saul nye Kis ƒe viŋutsu eye wònye ɖekakpui dzeɖekɛtɔ le Israel. Ekɔ wu ame sia ame le anyigba la dzi ale be ame kɔkɔtɔ siwo kplɔe ɖo la se abɔta ko nɛ. Gbe ɖeka Kis ƒe tedziwo bu eya ta wòɖo Saul kple subɔla aɖe ɖa be woayi aɖadi wo vɛ. Wotsa le afi sia afi le Efraim ƒe tonyigba la dzi kple Salisa nyigba kple Salim nuto me kple Benyamin ƒe anyigba blibo la dzi gake womete ŋu kpɔ wo o. Esi wogadi wo le Zuf nyigba la hã dzi la, Saul gblɔ na subɔla la be, “Na míayi aƒe me elabena fifia la, fofonye atsi dzi ɖe míawo ŋu wu tedziawo ŋu!” Ke subɔla la gblɔ nɛ be, “Meɖo ŋku nane dzi! Nyagblɔɖila aɖe le du sia me, ame sia ame bunɛ eye woxɔa edzi sena elabena nya sia nya si wògblɔna la vaa eme. Na míayi aɖadii, ɖewohĩ afia afi si tedziawo le la mí.” Saul ɖo eŋu be, “Naneke mele mía si míatsɔ axe fe nɛ o, nuɖuɖu gɔ̃ hã vɔ le mía si eye naneke kura meli míatsɔ nɛ o.” Subɔla la gblɔ be, “Klosaloga si ƒe kpekpeme nye gram etɔ̃ la le asinye. Míatsɔe na Mawu ƒe ame la, ale be wòagblɔ mɔ si míato la na mí.” Tsã ne woyina nu bia ge Mawu le Israel la, wogblɔna be, “Mina míayi nukpɔla gbɔ,” elabena ame si woyɔna fifia be nyagblɔɖila, eyae woyɔna tsã be nukpɔla. Esi wonɔ togbɛ aɖe liam ɖo ta dua me la, wodo go ɖetugbi aɖewo woyina tsi du ge. Wobia ɖetugbiawo be wonya ne nyagblɔɖila la le dua me hã. Le ŋkeke mawo me la, woyɔa nyagblɔɖilawo be nukpɔlawo eya ta amewo gblɔna, be “Mina míayi aɖabia nukpɔla la” eye menye “Mina míayi aɖabia nyagblɔɖila la” abe ale si míegblɔna egbe ene o. Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, ele afi sia. Edze mia ŋgɔ. Afɔ netsɔ na mi. Eva míaƒe dua me egbea elabena dukɔ la le vɔ sa ge le to dzi egbea. Ne mieɖo dua me teti ko la, miakpɔe hafi wòava ayi nuɖuƒe le toa dzi; elabena ameawo alala wòava ayra vɔsanuawo hafi ame siwo wokpe la naɖui. Eya ta miyi fifia, miakpɔe godoo le ɣeyiɣi sia me.” Ale woyi dua me eye esi woɖo agboa nu tututu ko la, wokpɔ Samuel, wòyina ɖe toa dzi. Do ŋgɔ la, Yehowa gblɔ na Samuel be, “Le etsɔ si gbɔna ƒe ɣe aleawo ɣi la, maɖo ame aɖe ɖe wò tso Benyamin ƒe anyigba dzi. Si ami nɛ ne wòazu Israelviwo ƒe kplɔla. Eyae aɖe wo tso Filistitɔwo si me elabena mekpɔ nublanui na wo eye mese woƒe ɣlidodo.” Esi Samuel kpɔ Saul ko la, Yehowa gblɔ nɛ be, “Ame siae nye ame si ƒe nya megblɔ na wò, eyae aɖu fia ɖe Israelviwo dzi.” Saul te ɖe Samuel ŋu eye wòbiae be, “Meɖe kuku, nukpɔla ƒe aƒe me ɖe?” Enumake Samuel ɖo eŋu be, “Nyee nye nukpɔla la! Dze ŋgɔ nàyi toa dzi eye míaɖu nu ɖekae le afi ma. Etsɔ ŋdi la, magblɔ nu si nèdi be yeanya la na wò eye mado mɔ wò. Mègatsi dzi le tedzi siwo bu ŋkeke etɔ̃e nye esi la ŋu kura o elabena wokpɔ wo xoxo. Ke Israel ƒe kesinɔnuwo katã zu tɔwò azɔ!” Saul ɖo eŋu be, “Amegã, nya ka gblɔm nèle? Benyamin ƒe to si nye to suetɔ kekeake le Israel la mee metso eye nye ƒome hãe nye ƒome gblɔetɔ kekeake le to la me! Ame bubue nàgblɔ nya siawo na hafi!” Samuel kple Saul kple subɔla la yi xɔ gã la me eye wòna nɔƒe wo ɖe kplɔ̃ ta. Wode bubu wo ŋu wu ame blaetɔ̃ bubu siwo wokpe. Samuel gblɔ na nuɖuɖudzikpɔla la be, “Tsɔ lãkɔ damitɔ si mede asi na wò be nadzra ɖo nam la vɛ nam.” Ale nuɖuɖudzikpɔla la tsɔe va da ɖe Saul ƒe akɔme. Samuel gblɔ na Saul be, “Ɖu nu nam elabena wò tututue medzra nuɖuɖu sia ɖo na hafi mekpe ame bubuawo gɔ̃ hã!” Ale Saul ɖu nu kple Samuel. Esi wotrɔ va dua me le nuɖuɖua megbe la, Samuel kplɔ Saul yi eƒe xɔta ƒe gbadzaƒe eye woɖo dze le afi ma. Le ŋufɔke ƒe ŋdi kanya la, Samuel yɔ Saul le xɔta eye wògblɔ nɛ be, “Dzra ɖo na mɔzɔzɔ.” Esi Saul dzra ɖo vɔ la, eya kple Samuel dze mɔ. Esi woɖo dua ƒe gbɔto la, Samuel gblɔ na Saul be, “Gblɔ na subɔla la be wòado ŋgɔ” eye subɔla la wɔ nenema. “Gake wò la, lala ne magblɔ gbedeasi si tso Mawu gbɔ la na wò.” Samuel si ami na Saul Tete Samuel tsɔ amigoe eye wòkɔ amia ɖe Saul ƒe tame, hegbugbɔ nu nɛ eye wògblɔ be, “Ɖe Yehowa mesi ami na wò be nàɖu fia ɖe eƒe domenyinu dzi oa? Ne èdzo le gbɔnye egbea la, àkpɔ ŋutsu eve aɖewo le Rahel ƒe yɔdo gbɔ le Zelza le Benyamin ƒe to la ƒe liƒo dzi. Woagblɔ na wò be, ‘Wofɔ tedzi siwo nèle didim. Fofowò megatsi dzi ɖe tedziawo ŋuti o ke boŋ etsi dzi ɖe ŋutiwò. Ele biabiam be, “Nu ka mawɔ tso vinye ŋuti?” ’ “Hafi nàdo ɖe Tabɔr ƒe logoti gbɔ la, ŋutsu etɔ̃ ava do go wò, ame siwo yina Mawu subɔ ge le Betel. Gbɔ̃vi etɔ̃ anɔ ɖeka si, abolo etɔ̃ anɔ evelia si eye wain go ɖeka anɔ etɔ̃lia si. Woado gbe na wò eye woana abolo eve wò. Xɔ aboloawo. “Le esia megbe la, àva ɖo Mawu ƒe Gibea, afi si Filistitɔwo ƒe dzɔlawo le. Ne èɖo ta dua me la, àdo go Nyagblɔɖilawo ƒe ha siwo ɖiɖi tso kɔkɔƒe la gbɔna eye kasaŋkuwo, asiʋuiwo, kpẽwo kple gakasaŋkuwo anɔ ɖiɖim le wo ŋgɔ eye wole nya gblɔm ɖi. Yehowa ƒe gbɔgbɔ adze dziwò kple ŋusẽ, àgblɔ nya ɖi kpli wo, eye woatrɔ wò nàzu ame bubu sãa. Zi ale si dzesi siawo va eme la, wɔ nu sia nu si tsɔ asi gbɔ na wò elabena Mawu li kpli wò. Dze ŋgɔ nam nàyi Gilgal. Mava gbɔwò le afi ma ava sa numevɔ kple akpedavɔ. Gake ele be nàlalam ŋkeke adre va se ɖe esime mava be magblɔ nu si nàwɔ la na wò.” Saul hã gblɔ nya ɖi Esi Saul trɔ be yeadzo le Samuel gbɔ la, Mawu trɔ Saul ƒe dzi eye dzesi siawo katã va eme gbe ma gbe. Esi Saul kple subɔla la ɖo Gibea la, wodo go Nyagblɔɖilawo ƒe ha wogbɔna go do ge wo. Mawu ƒe Gbɔgbɔ dze Saul dzi kple ŋusẽ eye eya hã de asi nyagbɔgblɔɖi me kpli wo. Esi ame siwo nya Saul tsã kpɔe wònɔ nya gblɔm ɖi kple nyagblɔɖilawo la, wobia wo nɔewo be, “Nu kae nye esi dzɔ ɖe Kis ƒe vi la dzĩ? Saul hãe le nyagblɔɖilawo domea?” Ŋutsu aɖe si nɔ ameawo dome la ɖo eŋu be, “Eye ame kae nye wo fofo?” Ale nya sia zu lodonya be, “Saul hãe le nyagblɔɖilawo domea?” Esi Saul wu nyagblɔɖi la nu la, eyi ɖe to la dzi. Azɔ la, Saul fofoa nɔvi ɖeka bia eya kple dɔla la be “Afi ka tututu mietso?” Saul ɖo eŋu be, “Míetso tedziawo di ge; míete ŋu kpɔ wo o, eya ta míeyi Nyagblɔɖila Samuel gbɔ be míabia afi si wole.” Gblɔ nu si Samuel gblɔ na wò la nam. Saul ɖo eŋu be, “Eka ɖe edzi nam be, wokpɔ tedziawo.” Gake megblɔ nu si Samuel gblɔ tso fiaɖuɖu la ŋuti ya na fofoa nɔvia o. Woɖo Saul fiae to nudzidze me Azɔ la, Samuel na Israelviwo katã va kpe ta ɖe Yehowa ŋkume le Mizpa, eye wògblɔ na wo be ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Mekplɔ mi tso Egiptenyigba dzi eye meɖe mi tso Egiptetɔwo kple dukɔ siwo katã nɔ fu wɔm mi la ƒe ŋusẽ me. Ke, azɔ la, miegbe nu le miaƒe Mawu si ɖe mi tso dzɔgbevɔ̃ewo kple xaxawo katã me gbɔ hegblɔ be, ‘Ɖo fia na mí!’ Eya ta mido ɖe Yehowa ŋkume le miaƒe towo kple hlɔ̃wo me.” Ale Samuel ƒo ƒu Israel ƒe toawo ƒe kplɔlawo ɖe Yehowa ŋkume eye wotia Benyamin ƒe to la. Samuel yɔ Benyamin ƒe to la ƒe ƒomewo va Yehowa ŋkume eye nudzidze la dze Matri ƒe ƒome la dzi. Mlɔeba la, nudzidze la dze Saul, Kis ƒe vi la dzi. Ke esi wotsa ŋku la, wokpɔ be Saul bu le ameawo dome. Ale wogabia Yehowa be, “Amea le mía dome fifia?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ɛ̃, eɣla eɖokui ɖe agbawo dome.” Woƒu du yi ɖakplɔe vɛ tso afi ma eye esi wòtsi tsitre ɖe ameawo dome la, ekɔ eye ameawo se eƒe abɔta. Azɔ Samuel gblɔ na ameawo katã be, “Miele ame si Yehowa tia na mí la kpɔma? Ame aɖeke mesɔ kplii le Israel blibo la o!” Eye ameha la do ɣli be, “Fia la nenɔ agbe tegbee!” Le esia megbe la, Samuel tɔ asi nu siwo anye fia la ƒe gome kple eƒe dɔdeasiwo la dzi na ameha la. Eŋlɔ nu siawo ɖe lãgbalẽ dzi eye wòtsɔe ɖo Yehowa ŋkume. Samuel ɖe asi le dukɔ la ŋu eye ame sia ame yi eƒe du me. Esi Saul trɔ va eƒe aƒe me le Gibea la, kalẽtɔ siwo ƒe dzi Mawu ʋã la yi kplii. Gake ame vlo aɖewo gblɔ be, “Aleke ame sia tɔgbi ate ŋu aɖe mí?” Ale wodo vloe eye wometsɔ nunana ɖeke vɛ nɛ o, gake Saul megblɔ nya aɖeke o. Saul ɖe Yabes du la tso Amonitɔwo si me Le ɣeyiɣi sia me la, Nahas kplɔ Amonitɔwo ƒe aʋakɔ eye woho aʋa ɖe Israelviwo ƒe du Yabes Gilead ŋu. Yabestɔwo bia ŋutifafa heɖe kuku be, “Migawɔ aʋa kpli mí o; míelɔ̃ be míazu miaƒe subɔlawo boŋ.” Nahas ɖo eŋu be, “Ekema mawɔ nu ɖeka; maho mia dometɔ ɖe sia ɖe ƒe ɖusimeŋku abe gbɔ̃ɖiɖi Israel dukɔ blibo la ene!” Yabes ƒe ametsitsiwo ɖo eŋu be, “Na ŋkeke adre mí ne míadɔ ame aɖo ɖe Israelnyigba blibo la dzi. Ne mía nɔviwo mava kpe ɖe mía ŋu o la, ekama míalɔ̃ ɖe wò tameɖoɖo la dzi.” Esi dɔla aɖe va Gibea, Saul ƒe du me eye wògblɔ Yabestɔwo ƒe xaxa la ŋu nya na wo la, ame sia ame de asi avifafa me. Saul kplɔ eƒe nyiwo tso agble gbɔna va aƒe me eye wòbia be, “Nya kae dzɔ? Nu ka ta ame sia ame la avi fam?” Wogblɔ nya si wose tso Yabes la nɛ. Mawu ƒe Gbɔgbɔ ɖiɖi ɖe Saul dzi enumake eye wòdo dɔmedzoe vevie. Ewu nyitsu eve, fli woƒe lã eye wòɖo lãkɔawo ɖe Israelnyigba ƒe akpa ɖe sia ɖe. Eɖe gbeƒã be, “Aleae woawɔ ame sia ame si madze Saul kple Samuel yome ayi aʋa o la ƒe nyitsue nye esi!” Yehowa na ameawo vɔ̃ Saul ƒe dɔmedzoe ale wo katã ƒo ƒu va Saul gbɔ. Saul xlẽ wo le Bezek eye Israelviwo le ame akpe alafa etɔ̃ kpe ɖe ame akpe blaetɔ̃ siwo tso Yuda la ŋu. Saul ɖo du ɖe Yabes Gileadtɔwo be, “Míaɖe mi tso miaƒe futɔwo si me hafi etsɔ ɣetrɔ naɖo!” Dua me tɔwo tso aseye esi wose nya sia. Ale Yabestɔwo gblɔ na woƒe futɔwo be, “Míava mia gbɔ etsɔ eye miawɔ nu sia nu si dze mia ŋu la mí.” Saul va do ŋdi kanya kple eƒe aʋakɔ si wòma ɖe aʋalɔgo etɔ̃ me. Edze Amonitɔwo dzi kpata eye wòwu wo tso ŋdi ma va se ɖe ŋdɔ. Ame siwo tsi agbe la kaka ale gbegbe be wo dometɔ eve aɖeke menɔ teƒe ɖeka o. Woɖo kpe Saul ƒe fianyenye dzi Ameawo bia Samuel kple ɣli be, “Afi ka ame siwo be Saul manyo na mí o la le? Mikplɔ wo va afi sia ne míawu wo!” Ke Saul gblɔ be, “Womawu ame aɖeke egbe o elabena Yehowa ɖe Israel egbe!” Samuel gblɔ na ameawo be, “Mina mí katã míayi Gilgal eye míada asi ɖe Saul dzi abe míaƒe fia ene.” Ale woyi Gilgal eye woɖo Saul fiae le Yehowa ŋkume. Wosa akpedavɔ na Yehowa eye Saul kple Israelviwo katã kpɔ dzidzɔ ŋutɔŋutɔ. Samuel ƒe kaklãnyawo Samuel gaƒo nu na Israelviwo be, “Kpɔ ɖa, mewɔ nu si miebia la na mi. Meɖo fia na mi. Ame si anɔ mia ŋgɔ. Fifia metsi, nye ta ƒo wɔ eye vinyewo le mia dome; mekpɔ mia dzi tso keke nye ɖekakpuime ke. Fifia, esi metsi tsitre ɖe Yehowa kple eƒe amesiamina la ƒe ŋkume la, medi be mabia mi be ame ka ƒe nyitsu alo tedzi mefi kpɔ? Meba ame aɖe kpɔa? Mexɔ zãnu le ame aɖe si kpɔa? Mete ame aɖe ɖe anyi kpɔa? Migblɔe nam eye maɖo nu si mexɔ alo nu vɔ̃ si mewɔ la teƒe.” Ameawo ɖo eŋu be, “Mèba mí alo te mí ɖe anyi kpɔ le mɔ aɖeke nu o eye mèxɔ zãnu zi ɖeka pɛ gɔ̃ hã kpɔ o.” Samuel yi edzi be, “Yehowa kple eƒe amesiamina la nye nye ɖasefo be miate ŋu atsɔ nya ɖe ŋunye be meda adzo yewo o.” Ameawo ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyateƒee.” Samuel yi edzi be, “Yehowa tia Mose kple Aron, eyae kplɔ mía tɔgbuiwo dzoe le Egipte. Azɔ la, mitsi tsitre ɖe afi sia kpoo le Yehowa ŋkume ne maɖo ŋku nu nyui siwo katã wòwɔ na mi kple mia tɔgbuiwo la dzi na mi. “Esime Israelviwo nɔ Egipte eye wodo ɣli ɖe kuku na Yehowa la, Yehowa ɖo Mose kple Aron ɖa be woakplɔ wo va anyigba sia dzi. “Ke woŋlɔ Yehowa, woƒe Mawu la be kaba eya ta Yehowa tsɔ wo de asi na Sisera, Fia Hazor ƒe aʋafia kple Filistitɔwo ƒe fia kple Moab fia. Wogado ɣli ɖe kuku na Yehowa eye woʋu eme be yewowɔ nu vɔ̃ esi yewotrɔ le Yehowa yome hesubɔ Baal kple Astarɔtwo. Woɖe kuku be, ‘Míasubɔ wò, míaƒe Mawu, ɖeɖe ko ne àɖe mí tso míaƒe futɔwo si me ko’ Yehowa ɖo Yerubaal, Barak, Yefta kple Samuel ɖa eye wòɖe mi tso miaƒe futɔwo ƒe asime eye mienɔ anyi le ŋutifafa me. “Ke esi mienɔ vɔvɔ̃m na Nahas, Amonitɔwo ƒe fia ta la, mieva gblɔ nam be maɖo fia na yewo wòaɖu yewo dzi, le esime Yehowa, mia Mawu la nye miaƒe Fia xoxo elabena eyae nye miaƒe Fia ɣeawo katã ɣi. Fia si mietia lae nye esi, milé ŋku ɖe eŋu nyuie. Miawoe bia eye Mawu tsɔe na mi. Azɔ, ne miavɔ̃ eye miasubɔ Yehowa, ahawɔ eƒe sewo dzi, miagadze aglã ɖe eŋu o eye ne miawo kple miaƒe fia la siaa miadze Yehowa, mia Mawu, yome la, ekema nu sia nu adze edzi na mi nyuie. Ke ne miatsi tsitre ɖe Yehowa ƒe sewo ŋu eye miagbe toɖoɖoe la, ekema eƒe asi asẽ ɖe mia dzi abe ale si wòsẽ ɖe mia tɔgbuiwo dzi ene. “Azɔ minɔ klalo miakpɔ Yehowa ƒe nukunuwɔwɔ ɖa. Mienya be tsi medzana le ƒea ƒe ɣeyiɣi sia me, le luxaɣi o gake mado gbe ɖa na Yehowa be wòaɖo dziɖegbe kple tsidzadza ɖa egbe ale be miadze si miaƒe vɔɖivɔ̃ɖi ƒe todede le ale si miebia be woaɖo fia na yewo la ta!” Ale Samuel yɔ Yehowa eye wòɖo dziɖegbe kple tsidzadza ɖa gbe ma gbe. Ameawo vɔ̃ Yehowa kple Samuel ŋutɔŋutɔ. Woɖe kuku na Samuel be, “Do gbe ɖa na Yehowa wò Mawu ɖe mía ta ne míagaku o elabena míetsɔ nu vɔ̃ si míewɔ to biabia be woaɖo fia na mí me la kpe ɖe míaƒe nu vɔ̃ bubuwo ŋuti.” Samuel de dzi ƒo na wo be, “Migavɔ̃ o, eme kɔ ƒãa be miewɔ nu vɔ̃, gake mikpɔ egbɔ azɔ be miasubɔ Yehowa nyateƒetɔe eye miagatrɔ le eyome le mɔ aɖeke nu o. Mawu bubuawo mate ŋu akpe ɖe mia ŋu o. Yehowa magblẽ eƒe ame tiatiawo ɖi o elabena ne ewɔ nenema la, aklo bubu le eya ŋutɔ ƒe ŋkɔ gã la ŋu. Ewɔ mi mienye dukɔ tɔxɛ nɛ le ale si wòdi be yeawɔ mi nenema ko la ta! Nye ya la, nete ɖa xaa tso gbɔnye be madzudzɔ gbedodoɖa ɖe mia ta eye mato eme awɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Mayi nu siwo nyo kple nu siwo dze la fiafia mi dzi. Mixɔ Yehowa dzi se eye miasubɔe le nyateƒe me. Mibu nu gã siwo katã wòwɔ na mi kpɔ la ŋu. Ke ne mieyi nu vɔ̃ wɔwɔ dzi la, woatsrɔ̃ mi kple miaƒe fia la siaa.” Samuel ka mo na Saul Saul xɔ ƒe blaetɔ̃ esi wòzu fia eye wòɖu fia ƒe blaene-vɔ-eve, ɖe Israel dzi; etia aʋawɔla tɔxɛ akpe etɔ̃ (3,000) tso Israel. Ekplɔ wo dometɔ akpe eve ɖe eɖokui ŋuti yi Mikmas kple Betel to la dzi eye wògblẽ akpe ɖeka mamlɛa ɖe Yonatan, Saul ƒe vi gbɔ le Benyamin ƒe anyigba dzi. Eɖo asrafo bubuawo ɖe aƒe me. Yonatan si Filistitɔwo ƒe dzɔlawo le Geba eye nya sia ɖi le Filistitɔwo ƒe anyigba blibo la dzi. Eye Saul ku aʋakpẽ le Israelnyigba blibo la dzi eye wòɖe gbeƒã be “Hebritɔwo katã nesee.” Ale Israel dukɔ la se nyadzɔdzɔ la be: Saul tsrɔ̃ Filistitɔwo ƒe dzɔlawo eye Israel zu nuɖianu na Filistitɔwo. Ale woyɔ Israel ƒe aʋakɔ blibo la ƒo ƒu ɖe Saul ŋu le Gilgal. Filistitɔwo ƒo ƒu aʋakɔ gã aɖe si me tasiaɖam akpe etɔ̃ (3,000) kple sɔdola akpe ade (6,000) kple afɔzɔla siwo sɔ gbɔ abe ƒutake ene la nɔ be woawɔ aʋa kple Israel. Woƒu asaɖa anyi ɖe Mikmas, le Bet Aven ƒe ɣedzeƒe gome. Esi Israel ŋutsuwo kpɔ xaxa gã si me wonɔ kple ale si womimi woƒe aʋakɔ la ɖoe la, wosi yi ɖaɣla ɖe agadowo, avekɔewo, kpewo tome kple ʋewo me kple vudo siwo me tsi menɔ o la me. Hebritɔ aɖewo gɔ̃ la tso Yɔdan tɔsisi la eye wosi yi Gad kple Gileadnyigbawo gɔ̃ hã dzi. Saul ya tsi Gilgal eye aʋakɔ siwo nɔ eŋu la dzo nyanyanya le vɔvɔ̃ ta. Elala ŋkeke adre abe ale si Samuel ɖoe nɛ ene, gake Samuel meva Gilgal o eye Saul ƒe asrafowo de asi kaka le eŋu me. Ale wògblɔ be, “Mitsɔ numevɔsa kple akpedavɔsa vɛ nam.” Ale Saul sa numevɔ la. Esi wòwu vɔsawo nu vɔ tetee ko la, Samuel va do. Saul yi be yeakpee ado gbe nɛ. Samuel biae be, “Nu kae nye esi nèwɔ?” Saul ɖo eŋu be, “Esi mekpɔ be nye aʋawɔlawo le kakam le ŋunye, evɔ mèva ɖo le ɣeyiɣi si nèɖo nam la dzi o, gawu la Filistitɔwo ƒu asaɖa anyi ɖe Mikmas. Eya ta mesusui be azɔ la, Filistitɔwo ava dze dzinye le Gilgal evɔ nyemebia amenuveve tso Yehowa gbɔ o! Esia zi dzinye eye mewɔ numevɔsa la.” Samuel gblɔ be, “Èwɔ bometsinu, mèlé Yehowa, wò Mawu la ƒe se si wòde na wò la me ɖe asi o. Nenye ɖe nèlé eme ɖe asi la, anye ne aɖo wò fiaɖuƒe la anyi le Israel hena ɣeyiɣiawo katã. Ke azɔ la, wò fiaɖuƒe mali ke o. Yehowa di ame si eƒe dzi di la na eɖokui eye wòɖoe eƒe dukɔ la ƒe kplɔlae elabena mèlé Yehowa ƒe sedede me ɖe asi o.” Tete Samuel dzo le Gilgal yi Gibea le Benyaminviwo ƒe anyigba dzi. Esi Saul xlẽ eƒe aʋawɔlawo la, ekpɔ be ame alafa ade koe susɔ! Aʋawɔnuwo menɔ Israelviwo si o Saul kple Yonatan kple ame alafa ade siawo ƒu asaɖa anyi ɖe Gibea le Benyaminviwo ƒe anyigba dzi le esime Filistitɔwo ganɔ Mikmas. Filistitɔwo ƒe aʋalɔgo etɔ̃ ho tso woƒe asaɖa me be yewoayi aɖaha nuwo. Aʋalɔgo ɖeka ɖo ta Ofra le Sual nyigba dzi; aʋalɔgo evelia yi Bet Horon eye etɔ̃lia ɖo ta liƒo si le Zeboim ƒe balime te ɖe gbegbe la ŋu la dzi. Gbede aɖeke menɔ Israelnyigba blibo la dzi le ŋkeke mawo me o elabena Filistitɔwo gblɔ bena, ne menye nenema o la, Hebritɔwo ava tu yiwo alo akplɔwo! Eya ta ɣe sia ɣi si Israelviwo di be yewoanyre yewoƒe agbleŋlɔnuwo, fiawo kple nuxanuwo la, wotsɔa wo yia Filistitɔwo ƒe gbedewo gbɔ. Nenye be wonyre agbleŋlɔnuawo la, woxea klosaloga gram enyi, nenema kee nye fi hã, ke woxea klosaloga gram ene ɖe gaflu kple fiawo hekpe ɖe nuŋɔnuwo nyenyre ŋuti. Ale yi alo akplɔ aɖeke menɔ Israel ƒe aʋakɔ blibo la si gbe ma gbe o negbe ɖekaɖeka siwo nɔ Saul kple Yonatan si ko. Yonatan ho aʋa ɖe Filistitɔwo ŋu Azɔ Filistitɔwo ɖe asrafo aɖewo woyi ɖaxɔ mɔ si ɖo ta Mikmas. Gbe ɖeka la, Fiavi Yonatan gblɔ na ɖekakpui si nye eƒe adekplɔvi la be, “Na míato balime la ayi Filistitɔwo ƒe dzɔlawo gbɔ.” Ke megblɔe na fofoa be yeyina o. Saul kple eƒe aʋawɔla alafa adeawo (600) ƒo ƒu ɖe yevuboɖati la gbɔ le Migron. Nunɔla Ahiya si do akɔtawui hã nɔ ameawo dome. Ahiya nye Ahitub, Ikabod nɔvi ƒe vi, eganye Finehas ƒe tɔgbuiyɔvi eye Finehas fofoe nye Eli, Yehowa ƒe nunɔla le Silo. Ke ame aɖeke menya be Yonatan yi o. Hafi Yonatan naɖo Filistitɔwo ƒe dzɔlawo gbɔ la, ele nɛ be wòato mɔ xaxɛ aɖe si to agakpe eve dome la dzi. Woyɔa agakpe ɖeka be Bozez eye woyɔa evelia be Sene. Agakpe anyiehetɔ nɔ Mikmas ŋgɔ eye dziehetɔ nɔ Geba ŋgɔ. Yonatan gblɔ na eƒe adekplɔvi be, “Na míayi aʋamatsomatsoetɔ mawo gbɔ, ɖewohĩ Yehowa awɔ nukunu aɖe na mí elabena amewo ƒe agbɔsɔsɔ menye naneke le Yehowa gbɔ o!” Adekplɔvi la gblɔ be, “Yoo, wɔ nu si nyo na wò; mele yowòme sesĩe.” Yonatan gblɔ nɛ be, “Enyo, nu si míawɔ enye ne futɔwo kpɔ mí eye wogblɔ be, ‘Mitɔ ɖe afi ma ne menye nenema o la, míawu mi’ la, ekema míatɔ alala wo. Ke ne wogblɔ be, ‘Milia toa miava wɔ aʋa kpli mí’ la, ekema míawɔ nenema tutututu elabena eyae anye dzesi be Yehowa tsɔ wo de asi na mí.” Esi Filistitɔwo kpɔ wo wogbɔna la, wodo ɣli be, “Mikpɔ ɖa, Israelviwo le dodom le woƒe dowo me!” Wodo ɣli na Yonatan be, “Lia toa nàva kpɔ nane ɖa.” Yonatan gblɔ na eƒe adekplɔvi be, “Lia toa eye nànɔ yonyeme tututu elabena Yehowa akpe ɖe mía ŋu míaɖu wo dzi!” Ale wota le asi kple klo dzi yi wo gbɔ, kasia Filistitɔwo de asi sisi me esi Yonatan kple eƒe adekplɔvi la de asi wo wuwu me. Wowu wo dometɔ blaeve eye ame kukuawo kaka ɖe teƒe si de agbleka afã. Nu sia na Filistitɔwo ƒe aʋawɔlawo kple nuhalawo sia vɔ̃ eye wotɔtɔ. Hekpe ɖe esia ŋu la anyigba ʋuʋu sesĩe eye vɔvɔ̃ gaɖo futɔwo wu tsã elabena ŋɔdzi la tso Mawu gbɔ. Saul ƒe gbetakpɔlawo le Benyamin ƒe Gibea kpɔ nu wɔnuku aɖe: wokpɔ Filistitɔwo ƒe aʋawɔlawo nɔ sisim tso afii yi afi mɛ. Saul gblɔ na eƒe amewo be, “Mikpɔe ɖa be ame kae mele afi sia o.” Esi woxlẽ ameawo la, wokpɔ be Yonatan kple eƒe adekplɔvi menɔ wo dome o. Saul do ɣli gblɔ na Ahiya be, “Mitsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la vɛ!” nubablaɖaka la nɔ Israelviwo dome ɣe ma ɣi. Ke esi Saul nɔ nu ƒom na nunɔlaa la, Filistitɔwo ƒe ɣlidodo kple ʋunyaʋunyawɔwɔ le woƒe asaɖa me nɔ dzi dem ɖe edzi. Saul gblɔ be, “Netsɔ! Nya kae Yehowa gblɔ?” Saul kple eƒe ame alafa adeawo zɔ ɖe Filistitɔwo dzi. Wokpɔ be wonɔ wo nɔewo wum ko nyamanyama. Hebritɔ siwo nɔ Filistitɔwo ƒe aʋakɔ me tsã la, dze aglã eye wodzo va de Israelvi siwo le Saul kple Yonatan ŋu la dzi. Mlɔeba la, esi Israelvi siwo ɣla wo ɖokuiwo ɖe Efraim toawo dzi la kpɔ be Filistitɔwo nɔ sisim la, woawo hã va kpe ɖe wo nɔviwo ŋu wonya Filistitɔwo ɖe du nu. Ale Yehowa ɖe Israel gbe ma gbe eye wowɔ aʋa la dze le Bet Aven ŋu. Yonatan no anyitsi Ale Israelviwo ɖo xaxa gã aɖe me gbe ma gbe elabena Saul bla ameawo kple atam be, “Fiƒode ava ame si aɖu nu hafi fiẽ naɖo la dzi eye ame aɖeke mekpɔ mɔ aɖu nu o, va se ɖe esime mabia hlɔ̃ nye futɔwo!” Ale ame aɖeke meɖu nu la aʋakɔ me gbe ma gbe o. Aʋakɔ blibo la ge ɖe ave la me eye wokpɔ anyitsi le anyigba. Esi wole avea me la, wokpɔ anyitsi wole dzidzim gake ame aɖeke mede asi eme ɖuɖɔ o, elabena wovɔ̃ Saul ƒe atam si wòka la. Ke Yonatan ya mese se si fofoa de o eya ta wòtsɔ eƒe atikplɔ tɔ anyitsia me heno eye ŋusẽ gaɖo eŋu. Ke ame aɖe gblɔ nɛ be fofoa, Saul, ƒo fi de ame sia ame si aɖu nane gbe ma gbe la, evɔ dɔwuame na ame sia ame gbɔdzɔ hafi. Yonatan gblɔ be, “Se sesẽ kae nye esi fofonye de na ameawo? Se sia agblẽ nu le mía ŋu boŋ. Mikpɔ ale si ŋusẽ ɖo menye esi meno anyitsi sue sia ɖa! Nenye ɖe woɖe mɔ be ameawo naɖu nu si wokpɔ le futɔwo dome la, anye ne míagate ŋu awu futɔ gbogbo aɖewo wu esia gɔ̃ hã.” Ke wotsɔ dɔwuame nya Filistitɔwo eye wowu wo tso Mikmas yi Aiyalon ke, le esime woƒe ɖeɖiteameŋu nu ganɔ sesẽm ɖe edzi. Gbe ma gbe fiẽ la, wowu alẽ, nyi kple nyivi siwo woha le aʋa la me eye woɖu woƒe lã kple ʋua katã nenema. Ame aɖe gblɔ nya si dzɔ la na Saul be ameawo nɔ nu vɔ̃ wɔm ɖe Yehowa ŋu to nuɖuɖu me. Saul gblɔ be, “Nu sia mesɔ kura o! Mimli kpe gã aɖe vɛ nam eye miagblɔ na ameawo be woahe nyiawo kple alẽwo ava wu le afi sia eye woatsyɔ ʋu le wo me ale be womawɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu to ʋuɖuɖu me o.” Ale ame ɖe sia ɖe kplɔ eƒe nyi ɖe asi yi le zã ma me eye wowu wo le afi ma. Saul ɖi eƒe vɔsamlekpui gbãtɔ na Yehowa. Le esia megbe la, Saul gblɔ be, “Mina míanya Filistitɔwo to zã blibo la me eye míawu ame siwo susɔ la dometɔ ɖe sia ɖe.” Ameawo lɔ̃ ɖe edzi be, “Enyo; wɔ nu sia nu si dze ŋuwò.” Ke nunɔla la gblɔ be, “Mina míabia Mawu gbã.” Ale Saul bia Mawu be, “Ɖe míayi Filistitɔwo nyanya dzia? Ɖe nàkpe ɖe mía ŋu míaɖu wo dzia?” Ke Yehowa meɖo nya aɖeke ŋu le zã blibo la me o. Ale Saul gblɔ na kplɔlawo be, “Ame aɖe wɔ nu vɔ̃ ɖe Mawu ŋu, ele be míadze si nu vɔ̃ si míewɔ egbe. Mele atam kam na Mawu ame si ɖe Israel dukɔ la be, nenye nye ŋutɔ vinye, Yonatan kurae wɔ nu vɔ̃ sia hã la aku kokoko.” Ke womekpɔ ame si wɔ nu vɔ̃ la o. Tete Saul gblɔ na Israelviwo katã be, “Mitsi tsitre ɖe afi ma ke nye kple vinye Yonatan míatsi tsitre ɖe afii.” Ameawo ɖo eŋu nɛ be, “Wɔ nu sia nu si ke nyo na wo.” Ale Saul do gbe ɖa na Yehowa, Israel ƒe Mawu la be. “Nu ka ŋuti mètɔ na wò dɔla egbea o? Ne vodada la le menye alo vinye, Yonatan me la, ekema ɖo eŋu na mí to Urim dzi, gake nenye Israelviwo mee agɔdzedze la le la, tɔ na mí to Tumim dzi.” Ale wodzidze nu ɖe Yonatan kple Saul dzi eye wòdze wo dzi ale womebu fɔ ameawo o. Azɔ Saul gblɔ be, “Midzidze nu ɖe nye kple Yonatan dzi.” Esi woagadzidze nua la, edze Yonatan dzi. Saul gblɔ na Yonatan be, “Vinye, nu kae nèwɔ?” Yonatan gblɔ be, “Meɖɔ anyitsi sue aɖe kpɔ, sue aɖe si nɔ nye atikplɔ ŋu koe meɖuɖɔ, ke azɔ la medze na ku.” Saul gblɔ be, “Ɛ̃, Yonatan, ele be nàku, Mawu neƒom ƒu anyi maku ne womewu wò ɖe nu sia ta o.” Ke aʋawɔlawo ɖo eŋu be, “Yonatan, ame si ɖe Israel egbea nakua? Gbeɖe! Míeka atam kple Mawu ƒe agbe be ame aɖeke maka asi Yonatan ƒe taɖa ɖeka pɛ gɔ̃ hã ŋu o elabena Mawu wɔ eŋu dɔ hewɔ nukunu triakɔ aɖe egbe.” Ale ameawo xɔ na Yonatan. Saul na aʋawɔlawo gbugbɔ eye Filistitɔwo trɔ yi aƒe. Esi Saul zu fia ɖe Israel dzi la, ewɔ aʋa kple woƒe futɔwo le akpa sia akpa dzi: Moabtɔwo, Amonitɔwo, Edomtɔwo, Zoba fiawo kple Filistitɔwo siaa. Afi sia afi si ke wotrɔ ɖo la, eɖua wo dzi vevie. Ewɔ aʋa kalẽtɔe, ɖu Amalekitɔwo dzi eye wòɖe Israel tso ame siwo katã ha wo la si me. Saul ƒe ƒometɔwo Viŋutsu etɔ̃, Yonatan, Isvi kple Malki Sua kple vinyɔnu eve, Merab kple Mixal nɔ Saul si. Saul srɔ̃e nye Ahinoam, Ahimaaz vinyɔnu. Eƒe aʋafiae nye Abner, etɔɖia Ner viŋutsu Saul fofo, Kis kple Abner fofo, Ner wonye Abiel viŋutsuwo. Israel wɔ aʋa kple Filistitɔwo edziedzi le Saul ƒe agbenɔɣi. Ne Saul kpɔ ɖekakpui sesẽ kalẽtɔ aɖe ko la, ehenɛ dea eƒe aʋakɔ la me. Mawu ɖe fia le Saul dzi Gbe ɖeka la, Samuel gblɔ na Saul be, “Meɖo wò fiae ɖe Israel dzi elabena Yehowa gblɔ nam be maɖo wò Israel Fiae. Azɔ la, ele be nàɖo toe. Se si wòde na wò lae nye: ‘Meɖo ta me be mabia hlɔ̃ Amalekitɔwo le ale si womeɖe mɔ na nye dukɔ be wòato woƒe anyigba dzi esime Israelviwo tso Egipte o la ta. Eya ta yi nàtsrɔ̃ Amalek dukɔ blibo la, ŋutsuwo, nyɔnuwo, vidzĩwo, ɖeviwo, nyiwo, alẽwo, kposɔwo kple tedziwo!’ ” Ale Saul ƒo ƒu eƒe aʋakɔ nu ɖe Telaim. Aʋawɔlawo de ame akpe alafa eve (200,000) kpe ɖe ame akpe ewo (10,000) siwo tso Yuda la ŋu, eye Saul kple eƒe amewo de xa ɖe balime ɖe Amalekitɔwo ŋu. Saul ɖo du ɖe Kenitɔwo be woado le Amalekitɔwo dome, ne menye nenema o la, woaku kple Amalekitɔwo. Eɖe nya me na wo be, “Elabena mieve Israel nu esime wògbɔna tso Egiptenyigba dzi.” Ale Kenitɔwo dzo le Amalekitɔwo dome. Saul si Amalekitɔwo tso Havila yi keke Sur le Egipte ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. Elé Agag, Amalekitɔwo ƒe fia eye wòwu ame mamlɛawo katã. Saul kple eƒe amewo ɖe Agag ƒe agbe eye wotsɔ alẽ kple nyi gãtɔwo, alẽvi damitɔwo kple nu sia nu si nyo na wo la na wo ɖokui. Nu siwo ŋu asixɔxɔ boo mele o la, koe wotsrɔ̃. Nu sia na Yehowa gblɔ na Samuel be, “Evem ŋutɔ be meɖo Saul fiae elabena egagbe toɖoɖom.” Nya siawo wɔ dɔ ɖe Samuel dzi ŋutɔ eya ta wòfa avi na Yehowa to zã blibo la me. Le ŋdi kanya la, eyi ɖadi Saul; ame aɖe gblɔ nɛ be, “Saul yi Karmel to dzi afi si wòtu ŋkuɖodzikpe aɖe ɖo na eɖokui eye wòtso eme yi Gilgal.” Esi Samuel va kpɔ Saul la, Saul do gbe nɛ dzidzɔtɔe hegblɔ nɛ ne, “Mewɔ nu siwo katã Yehowa ɖo nam!” Ke Samuel biae be, “Ekema nu kae nye alẽ kple nyi siwo ƒe xɔxlɔ̃ sem mele?” Saul ʋu eme be, “Nyateƒe, nye aʋawɔlawo mewu alẽ kple nyi damiawo o, ke wotsɔ wo gbɔe be yewoasa vɔe na Yehowa, wò Mawu la ke míetsrɔ̃ nu bubu ɖe sia ɖe.” Samuel gblɔ na Saul be, “Ɖo to nàse nu si Yehowa gblɔ nam zã si va yi la me!” Saul bia be, “Nya kae wògblɔ?” Samuel gblɔ nɛ be, “Togbɔ be mèbu ɖokuiwò amegãe o hã la, Mawu ɖo wò fiae ɖe Israel dzi. Ede dɔ aɖe asi na wò eye wògblɔ na wò be, ‘Yi, nàtsrɔ̃ Amalekitɔwo, nu vɔ̃ wɔlawo, keŋkeŋ.’ Ekema nu ka ta mèwɔ Yehowa ƒe ɖoɖo dzi o? Nu ka ta nèha nuwo eye nèwɔ nu si tututu Yehowa de se na wò be mègawɔ o?” Saul gasẽ nu be, “Mewɔ Yehowa ƒe gbe dzi, mewɔ nu si Yehowa ɖo nam be mawɔ, melé Fia Agag vɛ, gake mewu ame mamlɛawo katã. Nye aʋawɔlawo bia mɔm eye meɖe mɔ na wo be woatsɔ alẽwo, nyiwo kple nu siwo dze wo ŋu la hena vɔsasa na Yehowa wò Mawu la le Gilgal.” Samuel ɖo eŋu be, “Ɖe wò numevɔsawo kple vɔsawo dzea Yehowa ŋu wu toɖoɖo Yehowa ƒe gbea? Toɖoɖo nyo wu vɔsa eye nusese nyo wu agbowo ƒe ami. Elabena aglãdzedze le abe afakaka ƒe nu vɔ̃ ene eye ɖokuiŋudzedze sɔ kple trɔ̃subɔsubɔ ƒe nu vɔ̃ɖi nyenye. Esi nègbe Yehowa ƒe nya ta la, eya hã gbe wò; mèganye fia o.” Saul lɔ̃ mlɔeba be, “Mewɔ nu vɔ̃, ɛ̃, megbe toɖoɖo wò eye nyemewɔ Yehowa ƒe ɖoɖowo dzi o elabena mevɔ̃ ameawo eye mewɔ nu si wobia. Oo, meɖe kuku, tsɔ nye nu vɔ̃ kem azɔ eye nàkplɔm yi, maɖasubɔ Yehowa.” Ke Samuel ɖo eŋu be, “Viɖe aɖeke mele eme o, esi nègbe Yehowa ƒe ɖoɖowo ta la, eya hã gbe wò; màganye Israel Fia o!” Esi Samuel trɔ be yeadzo la, Saul lé Samuel ƒe awu ʋlaya toga eye awu la vuvu piã! Samuel gblɔ na Saul be, “Èkpɔea? Yehowa vuvu Israel fiaɖuƒe la le asiwò me egbe eye wòtsɔe na hawòvi aɖe si ɖɔ ʋu wu wò. Ame si nye Israel ƒe ŋutikɔkɔe la, mele alakpa dam o, eye matrɔ ta me o, elabena menye amegbetɔe wònye o!” Saul gaɖe kuku be, “Mewɔ nu vɔ̃ gake de bubu ŋunye le kplɔlawo kple Israel ŋkume ko eye nàkplɔm mayi aɖasubɔ Yehowa, wò Mawu la.” Ale Samuel gbugbɔ yi kple Saul eye Saul subɔ Yehowa. Samuel gblɔ be, “Kplɔ Amalekitɔwo ƒe fia Agag vɛ nam.” Agag va do kple alɔgbɔnukoko elabena egblɔ be, “Meka ɖe edzi be woana matsi agbe azɔ!” Ke Samuel gblɔ nɛ be, “Abe ale si wò yi wu ame geɖewo eye wo dadawo zu konɔwo ene la nenema kee dawò hã azu konɔ le nyɔnuwo dome.” Ale Samuel fli Agag kakɛkakɛe le Yehowa ŋkume le Gilgal. Samuel trɔ yi aƒe le Rama eye Saul hã trɔ yi Gibea. Samuel megakpɔ Saul kpɔ gbeɖe o, ke exaa nu ɖe eta ɣe sia ɣi, eye wòve Yehowa be yeɖo Saul fiae na Israel. Samuel si ami na David Yehowa gblɔ na Samuel be “Va se ɖe ɣekaɣia nàfa konyi ɖe Saul ta esi megbee be magaɖu fia ɖe Israel dzi o? Azɔ la, de ami wò lãdzo la me eye nàdze mɔ. Mele dɔwòm ɖe Yese gbɔ le Betlehem; metia via ŋutsuwo dometɔ ɖeka be wòaɖu fia.” Samuel gblɔ be, “Aleke mayie? Saul ase nya sia eye wòawum.” Yehowa ɖo eŋu nɛ be, “Kplɔ nyivi ɖeka ɖe asi eye nàgblɔ be, ‘Meva vɔ sa ge na Yehowa.’ Ekema kpe Yese va vɔ la saƒe eye mafia nu si nàwɔ la wò. Àsi ami na ame si dzi matɔ asi la na wò.” Samuel wɔ ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo sia dzi. Esi wòɖo Betlehem la, dua ƒe ametsitsiwo va kpee kple dzodzo nyanyanya hebiae be, “Ŋutifafa dzie nèva ɖoa?” Samuel ɖo eŋu be, “Ɛ̃, ŋutifafa dzie meva ɖo; meva vɔ sa ge na Yehowa. Mikɔ mia ɖokui ŋuti eye miava vɔsaƒea kplim.” Tete wòkɔ Yese kple via ŋutsuwo ŋu eye wòkpe wo va vɔsaƒe lae. Esi wova ɖo teƒea la, Samuel kpɔ Eliab eye wòsusu be, “Vavãe, Yehowa ƒe amesiamina lae nye esi le tsitre ɖe Yehowa ŋkume.” Ke Yehowa gblɔ na Samuel be, “Mègakpɔ eƒe dzedzeme alo eƒe atsudzɔdzɔ o elabena megbee. Yehowa mekpɔa nu si amewo kpɔna la o. Amegbetɔ kpɔa nuwo ƒe gota ƒe dzedzeme, ke Yehowa ya kpɔa ame ƒe dzime.” Yese gblɔ na via Abinadab be wòado ɖe ŋgɔ eye wòazɔ le Samuel ŋkume. Ke Samuel gablɔ be “Yehowa metia ame sia hã o.” Emegbe Yese yɔ Sama, ke Samuel gblɔ be, “Esia hã Yehowa metiae o.” Yese na Via ŋutsuvi adreawo to Samuel ŋkume yi gake Samuel gblɔ be; “Yehowa metia wo dometɔ aɖeke o.” Ale wòbia Yese be, “Viŋutsuvi siawo koe le asiwòa?” Yese ɖo eŋu be, “Ɖevitɔ li gake ele alẽwo kplɔm le gbedzi.” Samuel gblɔ be, “Dɔ ame ɖo ɖee elabena míanɔ anyi o, va se ɖe esime wòava.” Ale Yese dɔ woɖakplɔe vɛ. Enye ɖekakpui, le kpokploe eye wòdze ɖeka. Tete Yehowa gblɔ na Samuel be, “Tsi tre, nàsi ami nɛ elabena eyae nye amea.” Ale Samuel tsɔ lãdzo si me ami la le, hesi ami nɛ le nɔviawo ŋkume eye tso gbe ma gbe dzi la Yehowa ƒe Gbɔgbɔ dze David dzi kple ŋusẽ. Ale Samuel gbugbɔ yi Rama. David subɔ Saul Ke Yehowa ƒe Gbɔgbɔ dzo le Saul dzi. Yehowa na be gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe dzea Saul dzi heɖea fu nɛ. Saul ƒe subɔlawo gblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe tso Mawu gbɔ le fu ɖem na wò. Míaƒe aƒetɔ neɖe gbe na eƒe dɔlawo woayi aɖadi ame aɖe si nya kasaŋkuƒoƒo nyuie la vɛ, ame si aƒo kasaŋku ne gbɔgbɔ vɔ̃ tso Mawu gbɔ va dziwò eye awɔe be nàkpɔ gbɔdzɔe.” Saul lɔ̃ ɖe edzi be, “Enyo, midi kasaŋkuƒola nyui aɖe miakplɔ vɛ nam.” Subɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ be yenya ɖekakpui aɖe tso Betlehem, enye ŋutsu aɖe si woyɔna be Yese la ƒe vi. Ɖekakpui sia menye kasaŋkuƒola nyui ɖeɖe ko o, ke boŋ enye ɖekakpui dzeɖekɛ, kalẽtɔ sesẽ kple ame ɖɔʋu aɖe hã. Gawu la, Yehowa li kplii. Saul ɖo dɔlawo ɖe Yese hebiae be wòaɖo via David, ame si nye alẽkplɔla la ɖe ye. Yese meɖo David ɖa asi ƒuƒlu o, ke boŋ eɖo gbɔ̃vi ɖeka hã ɖa kpe ɖe tedzi aɖe si tsɔ nuɖuɖu kple wain hã ŋu. Tso esi Saul kpɔ David ko la, David ƒe nu nyo eŋu, elɔ̃e eye wòna wòzu eƒe adekplɔvi. Saul ɖo ame ɖe Yese be, “Meɖe kuku, na David nazu ŋunyemewo dometɔ ɖeka elabena eƒe nu nyo ŋunye ŋutɔ.” Eye ne Mawu ƒe gbɔgbɔ la dze Saul dzi la, David tsɔa eƒe asi ƒoa kasaŋku eye edzi kana ɖena na Saul eye gbɔgbɔ vɔ̃ la dzona le edzi. David kple Goliat Azɔ la, Filistitɔwo ƒo woƒe aʋakɔ nu ƒu hena aʋawɔwɔ eye wova ƒo ƒu ɖe Soko le Yuda. Woƒu asaɖa anyi ɖe Efes Damim le Soko kple Azeka dome. Saul kple Israelviwo hã ƒo ƒu, woƒu asaɖa anyi ɖe Ela balime eye wodze aʋalɔgowo ɖe Filistitɔwo ŋu. Ale Filistitɔwo kple Israelviwo nɔ to eve dzi dze ŋgɔ wo nɔewo eye balime la tso wo dome. Aʋakalẽtɔ aɖe si ŋkɔe nye Goliat, ame si tso Gat do go tso Filistitɔwo ƒe asaɖa me. Ŋutsu sia ƒe kɔkɔme anɔ mita etɔ̃. Eɖɔ akɔbligakuku eye wòkpla akpoxɔnu si wowɔ kple akɔbli si ƒe kpekpeme nye kilogram blaatɔ̃-vɔ-adre. Edo akpoxɔnu si wowɔ kple akɔbli la ɖe afɔ eye wòlé akɔbli ƒe akplɔ didi aɖe ɖe abɔta. Eƒe akplɔti le abe abaladoti ene eye wowɔ akplɔ si le enu la kple gayibɔ si ƒe kpekpeme anye kilogram adre. Eƒe akpoxɔnutsɔla nɔ eŋgɔ. Goliat tsi tsitre eye wòdo ɣli ɖo ɖe Israelviwo ƒe aʋalɔgowo be, “Nu ka ŋutie miedo go va ɖo fli hena aʋawɔwɔ? Ɖe menye Filistitɔe menye eye miawo hã míenye Saul ƒe dɔlawo oa? Mitia ŋutsu ɖeka eye miana wòava do gom le balia me Ne ete ŋu wɔ aʋa kplim eye wòwum la, míanye miaƒe subɔlawo, gake ne meɖu edzi eye mewui la, ekema miawo hã miazu míaƒe subɔlawo.” Tete Filistitɔ la yi edzi be, “Egbe meɖe alɔme le Israel ƒe aʋalɔgoawo ŋu! Miɖe ŋutsu ɖeka nam ne nye kplii míawɔ aʋa.” Esi Saul kple Israel blibo la se nya siwo Filistitɔ la gblɔ la, dzi ɖe le wo ƒo eye vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ. Azɔ la, David nye Efraimtɔ, Yese ƒe viŋutsu, ame si tso Betlehem le Yuda. Viŋutsu enyi nɔ Yese si eye Saul ƒe fiaɖuɣi me la, enye ametsitsi si xɔ ƒe geɖe. Yese viŋutsu tsitsitɔ etɔ̃ kplɔ Saul ɖo yi aʋa. Gbãtɔ ŋkɔe nye Eliab, evelia ŋkɔe nye Abinadab eye etɔ̃lia ŋkɔe nye Sama. David nye viŋutsuvi suetɔ. Esime nɔvia tsitsitɔ etɔ̃awo nɔ Saul ƒe aʋakɔ la me la, David dzona le Saul gbɔ enuenu heyina Betlehem ɖakpɔa fofoa ƒe alẽwo dzi. Goliat, Filistitɔwo ƒe ame dzɔatsu la tsia tsitre ɖe Israelʋakɔ la ŋkume geditɔe ŋdi kple fiẽ ŋkeke blaene sɔŋ. Azɔ la, Yese gblɔ na Via ŋutsu David be, “Tsɔ bli tɔtɔe agba ɖeka sia, si de kilogram wuiade kple abolo ewo siawo eye nàɖe abla atsɔ wo ayi na nɔviwòwo le woƒe asaɖa la me. Tsɔ notsi babla lalã ewo yi na woƒe aʋalɔgoa ƒe amegã, bia nɔviwòwo ƒe agbe ta se eye nàxɔ gbe tso wo gbɔ vɛ nam. Wole Saul kple Israel ŋutsuwo dome le Ela balime me le aʋa wɔm kple Filistitɔwo.” David fɔ ŋdi kanya, tsɔ alẽawo de asi na alẽkplɔvi ɖeka. Edo agba eye wòdze mɔ abe ale si Yese ɖo nɛ ene. Eɖo asaɖa la me esi asrafoawo bɔ asaɖa le aʋaɣli dom yina ɖe woƒe nɔƒewo. Israelviwo kple Filistitɔwo nɔ woƒe aʋalɔgowo me hedze ŋgɔ wo nɔewo. David gblẽ eƒe nuwo ɖe aʋawɔnuwo dzikpɔla gbɔ heƒu du yi ɖe aʋaŋgɔ eye wòdo gbe na nɔviawo. Esi wònɔ nu ƒom kple nɔviawo la, Goliat, Filistitɔwo ƒe aʋakalẽ si tso Gat la do go ɖe ŋgɔgbe le eƒe aʋakɔwo ŋgɔ eye wòdo ɣli gblɔ alɔmeɖenya ma ke. David see. Esi Israelviwo kpɔe ko la, vɔvɔ̃ ɖo wo eye wode asi sisi me. Azɔ la, Israelviwo nɔ gbɔgblɔm be, “Miekpɔ ale si ŋutsu sia le dodom ɖe ŋgɔ edziedzia? Edona be yeaɖe alɔme le Israel ŋu. Fia la ana kesinɔnu gã aɖe ame si awui, woatsɔ via nyɔnuvi hã nɛ wòaɖe eye woana be fofoa ƒe ƒometɔwo magaxe duga le Israel o.” David bia ŋutsu siwo nɔ tsitre ɖe egbɔ la be, “Nu kae woawɔ na ŋutsu si awu Filistitɔ sia ahaɖe ŋukpe sia ɖa le Israel ŋu? Ame kae nye Filistitɔ, bolotɔ sia, be wòanɔ alɔme ɖem le Mawu gbagbe la ƒe aʋalɔgowo ŋu?” Woawo hã gagblɔ nya siwo wogblɔ tsã va yi. Wogblɔ nɛ be, “Nu siae woawɔ na ame si awui.” Esi Eliab, David nɔviŋutsu tsitsitɔ see wònɔ nu ƒom kple ŋutsuawo la, etrɔ ɖe eŋu kple dziku hebiae be, “Nu ka tae nèva afi sia ɖo? Eye ame ka gbɔe nègblẽ alẽ ʋɛawo ɖo le gbea dzi? Menya dada si le mewò kple dzi vɔ̃ɖi si le mewò. Ɖe ko nèva afi sia be yeava kpɔ aʋa la teƒe.” David biae be, “Azɔ la agɔ kae medze? Nyemekpɔ mɔ aƒo nu tete oa?” David zɔ yi ame bubu gbɔ, bia nya ma kee eye wòna ŋuɖoɖo ma kee abe tsãtɔ ene. Wose nya si David gblɔ eye woyi ɖagblɔe na Saul. Tete Saul dɔ ame ɖa woɖayɔe va egbɔe. David gblɔ na Saul be, “Dzi megaɖe le ame aɖeke ƒo le Filistitɔ sia ta o. Wò dɔla ayi aɖawɔ aʋa kplii.” Saul ɖo eŋu nɛ be, “Màte ŋu ayi ado go kple Filistitɔ sia, awɔ aʋa kplii o. Wò la ɖevi ko nènye ke eya le aʋa wɔm tso eƒe ɖekakpuime ke.” Gake David gblɔ na Saul be, “Wò dɔla nɔ fofoa ƒe alẽwo kplɔm. Ne dzata alo sisiblisi va eye wòlé alẽ le alẽha la me la, metia eyome ƒonɛ ƒua anyi heɖea alẽ la le eƒe nu me. Ke ne etrɔ ɖe ŋutinye la, meléa eƒe kɔdza ƒonɛ kple kpo hewunɛ. Wò dɔla wu dzata kple sisiblisi eya ta anɔ na Filistitɔ bolotɔ sia hã abe woawo ke ene elabena eɖe alɔme le Mawu gbagbe la ƒe aʋalɔgowo ŋu. Yehowa, ame si ɖeam tso dzata kple sisiblisi ƒe fewo kple aɖuwo me la, kee aɖem tso Filistitɔ sia hã si me!” Ale Saul tsɔ eya ŋutɔ ƒe aʋawɔwu si ŋu akpoxɔnuwo le la do nɛ eye wòtsɔ kuku si wowɔ kple akɔbli la ɖɔ ɖe ta nɛ. David do gawu la, ɖɔ akɔblikuku la eye wòta yi ɖe gawu la dzi. Eɖe afɔ ɖeka, eve be yeate zɔzɔ le awuawo me kpɔ elabena medo wo kpɔ o. Egblɔ na Saul be, “Nyemate ŋu ayi kple nu siawo o elabena wo dodo memam o.” Ale David ɖe nuawo da ɖi eye wòdze mɔ. Tete wòtsɔ eƒe atizɔti ɖe asi eye wotia kpe zɔzrɔ̃e atɔ̃ tso tɔʋu la me hetsɔ wo de alẽkplɔlawo ƒe akplo me eye wòtsɔ eƒe aŋetu ɖe asi hezɔ ɖe Filistitɔ la dzi. Goliat, Filistitɔ la zɔ ɖo ta David gbɔ, eƒe akpoxɔnutsɔla nɔ ŋgɔ nɛ. Ekpɔ David ɖa eye wòkpɔ be ɖevi dzaa aɖe ko wònye, ele kpokploe eye wòdze ɖeka, eya ta wòdo vloe. Goliat do ɣli bia David be, “Avue menye hafi nètsɔ kpo ɖe ŋunyea?” Eyɔ woƒe mawuwo ƒe ŋkɔwo tsɔ ƒo fi de David. Eyi edzi gblɔ be. “Te va afi sia eye matsɔ wò lã ana dziƒoxeviwo kple gbemelãwo!” David do ɣli gblɔ na Filistitɔ la be, “Wò la, ègbɔna gbɔnye kple yi, akplɔ nuevee kple akplɔ nuɖekɛ, gake nye la, megbɔna gbɔwò le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Aʋakɔwo ƒe Mawu la ame si ŋu nèɖe alɔme le la ƒe ŋkɔ me. Egbe la, Yehowa atsɔ wò ade asi nam, maƒo wò aƒu anyi, atso ta le nuwò. Egbe la, matsɔ Filistitɔwo ƒe aʋakɔwo ƒe kukua ana dziƒoxeviwo kple anyigbadzilãwo, ekema xexea me katã anyae be Mawu aɖe le Israel. Ale ame siwo katã ƒo ƒu ɖe afi sia la woanyae be menye yi alo akplɔ Yehowa tsɔna ɖea ame o, elabena aʋa la nye Yehowa tɔ eye wòatsɔ mi katã ade mía si me.” Esi Filistitɔ la gbɔna be yeadze David dzi la, David zɔ kaba yi be yeakpe aʋa kplii. Eƒo asi ɖe eƒe alẽkplɔgolo la me, tsɔ kpe ɖeka de eƒe aŋetu la me eye wòdae. Kpe la dze Goliat, Filistitɔ la ƒe ŋgonu sesĩe eye wòŋɔe ge ɖe eme. Goliat mu dze anyi gbloo hetsyɔ mo anyi. Ale David ɖu Filistitɔ la dzi kple aŋetu kple kpe ɖeka, yi menɔ esi o gake ekpe le Filistitɔ la dzi eye wòwui. David ƒu du yi ɖe Filistitɔ la gbɔ, eɖe Goliat ŋutɔ ƒe yi le aku me eye wòwui hetso ta le enu. Esi Filistitɔwo kpɔ be yewoƒe kalẽtɔ la ku la, wotrɔ megbe eye wosi dzo. Tete Israel kple Yuda ŋutsuwo lũ ɖe eme kple ɣli eye woti Filistitɔwo yome va se ɖe Gat kple Ekron ƒe agbowo nu. Filistitɔwo ƒe kukuawo kaka ɖe Saaraim kple Gat mɔ dzi va se ɖe Ekron ke. Israelviwo trɔ le Filistitɔwo yome eye wova ha nuwo le woƒe asaɖa me. David tsɔ Filistitɔ la ƒe ta eye wòtsɔe yi Yerusalem ke etsɔ Filistitɔ la ƒe aʋawɔnuwo da ɖe eya ŋutɔ ƒe agbadɔ me. Esi Saul kpɔ David wòyina aʋa wɔ ge kple Goliat la, ebia Abner, eƒe aʋafia be, “Abner, ame kae nye ɖekakpui sia fofo?” Abner ɖo eŋu be, “O fia, meta wò agbe. Nyemenya o.” Fia Saul gblɔ nɛ be, “Bia ame si ɖekakpui sia fofo nye la ta nam.” Esi David trɔ tso Filistitɔ la wuƒe gbɔ teti ko la Abner kplɔe va Fia Saul gbɔe le esime Filistitɔ la ƒe ta ganɔ David si ko. Saul bia David be, “Ɖekakpui, ame ka vie nenye?” David ɖo eŋu be, “Wò dɔla, Yese, si tso Betlehem la vie menye.” Saul ʋã ŋu David Esi Fia Saul wu eƒe nuƒoƒo kple David nu la, Yonatan kpɔ David eye eƒe nu nyo eŋu ale gbegbe be wòlɔ̃e abe eya ŋutɔ nɔvia ene. Saul na David tsi egbɔ tso gbe ma gbe eye megana wòtrɔ yi aƒe me o. Yonatan ka atam na David be yewoanye xɔlɔ̃wo ɖaa elabena elɔ̃e abe eya ŋutɔ ɖokui ene. Etsɔ awu ʋlaya si wòdo, eƒe aʋawu, yi kple dati hekpe ɖe alidziblanu ŋu nɛ. Fia Saul na David tsi Yerusalem eye megaɖe mɔ nɛ be wòatrɔ ayi wo de o. David zu Saul ƒe kpeɖeŋutɔ tɔxɛ eye wòwɔa dɔ sia dɔ si wòde asi nɛ la nyuie. Saul tsɔe ɖo aʋafiae ɖe eƒe aʋakɔwo nu eye nu sia dze asrafoawo kple ame bubuawo siaa ŋu. Esi ŋutsuawo trɔ gbɔna va aƒe le David ƒe Filistitɔ la wuwu vɔ megbe la, nyɔnuwo tso Israel ƒe duwo katã me be woado go Fia Saul. Wonɔ ha dzim, nɔ ɣe ɖum. Wodzi aseyetsohawo ɖe asiʋuiwo kple gakogoewo ŋu. Esi wonɔ ɣea ɖum la wodzi ha be, “Saul wu eƒe akpewo ke David wu eƒe akpe ewowo.” Saul do dɔmedzoe vevie elabena hagbe la mevivi enu o. Egblɔ le eɖokui me be, “Wotsɔ akpe ewowo na David, ke nye ya akpewo koe wotsɔ nam. Nu kae gasusɔ nɛ wòaxɔ wu fiaɖuƒe la?” Tso gbe ma gbe dzi la, Saul de asi David kpɔkpɔ me kple ŋuʋaʋã ƒe ŋku. Esi ŋu ke la, gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe tso Mawu gbɔ ɖe fu na Saul eye wòde asi nuwɔwɔ me abe tsukunɔ ene. David faa akɔ nɛ to kasaŋkuƒoƒo nɛ me, abe ale si wòwɔna ne gbɔgbɔ vɔ̃ la mena eƒe mo dze anyi o la ene. Ke, le ɣeyiɣi sia me la, Saul lé akplɔ ɖe asi. Saul gblɔ le eɖokui me be, “Matɔ akplɔe, amimii ɖe gli ŋu.” Eda akplɔ lae zi eve ke David ƒo asa nɛ zi eveawo katã. Saul ʋã ŋu David elabena Yehowa li kple David hegblẽ eya Saul ɖi. Ale Saul megaɖe mɔ be David nado ɖe yeƒe ŋkume o. Eɖiɖii, meganye aʋafia o, ke boŋ etsɔe ɖo asrafo akpe ɖeka nu. Ke nuwɔna sia boŋ gana amewo gakpɔa ŋudzedze le David ŋu wu. Ke nu sia nu si wòwɔna la dzea edzi nɛ elabena Yehowa li kplii. Saul de dzesi David ƒe dzidzedzekpɔkpɔ, nu sia na be wògavɔ̃na na David wu tsã, ke Israel kple Yuda blibo la lɔ̃e elabena enɔ ŋgɔ na wo le woƒe aʋawɔwɔ me. Gbe ɖeka la, Saul gblɔ na David be, “Mele klalo be matsɔ vinyenyɔnu tsitsitɔ, Merab, na wò, wòazu srɔ̃wò. Ke gbã la, ele be nàfia ɖokuiwò abe aʋawɔla nyui aɖe ene to Yehowa ƒe aʋawo wɔwɔ me.” Saul gblɔ alea elabena ebu le eɖokui me be, “Maɖoe ɖa wòawɔ aʋa kple Filistitɔwo eye mana woawui; esia anyo wu be nye ŋutɔ mawui.” David gblɔ le eɖokui me be, “Ame kae nye kple nye ƒome kpakple hlɔ̃ nye le Israel be maɖe fiavi? Fofonye ƒe ƒome mele ɖeke me o!” Esi azã la su na srɔ̃ɖeɖea la, Saul tsɔ via nyɔnu la na Adriel ame si tso Meholat la boŋ wòɖe. David ɖe Saul vinyɔnu, Mixal Le ɣeyiɣi sia me la, Saul vinyɔnu, Mixal, lɔ̃ David eye esi Saul se nya sia la, edzɔ dzi nɛ. Saul gagblɔ le eɖokui me be, “Esia nye mɔnukpɔkpɔ bubu nam be mana Filistitɔwo nawui.” Ke egblɔ na David be, “Àte ŋu anye nye toyɔvi faa elabena matsɔ vinyenyɔnu suetɔ na wò.” Saul bla nu kple eƒe amewo be woable David be fia la kple yewo siaa yewolɔ̃e ŋutɔ eye yewobu be anyo be wòalɔ̃ ɖe susu si fia la do ɖa la dzi eye wòazu fia la ƒe toyɔvi. Ke David ɖo eŋu be, “Aleke ame dahe abe nye ene, ame si tso ƒome gblɔe aɖe ko me la ate ŋu akpɔ srɔ̃ɖenuwo ana ɖe fiavinyɔnu ta?” Esi Saul ŋumewo gblɔ nya si David gblɔ la, Saul gblɔ na wo be, “Migblɔ na David be srɔ̃ɖenu si medi tso esi koe nye Filistitɔ alafa ɖeka ƒe aʋanuyiwo: hlɔ̃biabia nye futɔwo koe nye nu si mehiã.” Ke ta me si Saul ɖo lae nye be woawu David le aʋa la me! Nya sia trɔ na David eya ta hafi ŋkekea naɖo na srɔ̃ɖeɖea la, David kple eƒe amewo yi ɖawu Filistitɔ alafa eve (200) eye wòtsɔ woƒe aʋanuyiwo yi na Fia Saul. Ale Fia Saul tsɔ via nyɔnuvi, Mixal, na David wòɖe. Esi Saul kpɔ ale si Yehowa nɔ kple David kple ale si ameawo katã lɔ̃e hã la, egavɔ̃ David wu tsã eye eƒe fulélee nu ganɔ sesẽm ɖe edzi wu gbe sia gbe. Ɣe sia ɣi si Filistitɔwo ho aʋa ɖe Israelviwo ŋu la, David ƒe aʋakɔwo ɖua Filistitɔwo dzi wu Saul ƒe aʋakplɔla mamlɛawo tɔwo. Ale David ƒe ŋkɔ ɖi hoo le anyigba blibo la dzi. Saul di be yeawu David Azɔ la, Saul gblɔ na eŋumewo kple via Yonatan be woato mɔ aɖe nu awu David. Ke le lɔlɔ̃ deto si nɔ Yonatan kple David dome ta la, Yonatan gblɔ ɖoɖo si fofoa wɔ ɖe eŋu la nɛ. Egblɔ nɛ be, “Etsɔ ŋdi la, ele be nàdi teƒe aɖe si nàbe ɖo le gbedzi. Mana be nye kple fofonye míava afi ma eye maƒo nu nɛ tso ŋuwò. Ekema magblɔ nya sia nya si mase tso egbɔ la na wò.” Le ŋufɔke ƒe ŋdi esi Yonatan nɔ dze ɖom kple fofoa la, ekafu David nɛ eye wòɖe kuku nɛ be wòadzudzɔ ta me vɔ̃ ɖoɖo ɖe eŋu. Yonatan ɖe kuku na fofoa be, “David mewɔ nu vɔ̃ aɖeke ɖe ŋuwò kpɔ o; ekpena ɖe ŋuwò ɣe sia ɣi le mɔ sia mɔ si wòate ŋui la dzi. Ɖe nèŋlɔ ɣeyiɣi si wòtsɔ eƒe agbe ke, hewu Goliat kple ale si Yehowa to nu sia me he dziɖuɖu gã aɖe vɛ na Israel la bea? Èkpɔ dzidzɔ le nyadzɔdzɔ sia ŋu ɣe ma ɣi me, nu ka ta nàwui azɔ le esime mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o? Naneke meli si ta nàwui ɖo o.” Mlɔeba la, Saul lɔ̃ ɖe Yonatan ƒe nya siawo dzi eye wòka atam be, “Zi ale si Yehowa li la, nyemawu David o.” Yonatan yɔ David emegbe eye wòka nya si dzɔ la ta nɛ. Ekplɔ David yi Saul gbɔ eye wo dome ganɔ abe tsã ene. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, aʋa gadzɔ ɖe Israelviwo kple Filistitɔwo dome. David nɔ eƒe aʋakɔ la nu, wowu Filistitɔ geɖewo eye aʋakɔ blibo la si le wo nu. Ke gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe tso Yehowa gbɔ va Saul dzi, esime wònɔ eƒe aƒe me eye eƒe akplɔ nɔ esi. Esime David nɔ kasaŋku ƒom la. Saul di be yeatsɔ yeƒe akplɔ amimii ɖe gli ŋu, ke David de axa nɛ esime Saul da akplɔ la wòyi gli la me. Le zã ma me la, David si dzo. Saul ɖo asrafowo ɖa be woadzɔ David ƒe aƒe ŋu ne edo go tso eƒe xɔ me ŋdi ko la, woawui. Ke Mixal gblɔ na srɔ̃a David be “Ne mèsi dzo le zã sia me o la, àzu nu kuku etsɔ ŋdi.” Ale Mixal kpe ɖe srɔ̃a ŋu wòɖi to fesre to hesi. Mixal tsɔ ametikpakpɛ aɖe da ɖe David ƒe aba dzi, eƒe ta nɔ suɖui si wowɔ kple gbɔ̃fu la dzi eye wòtsyɔ abadzivɔwo nɛ. Esi asrafoawo va be woalé David ayi na Saul la, Mixal gblɔ na wo be David dze dɔ eye mate ŋu afɔ o. Saul gblɔ ɖo ɖa be woakɔ David kple eƒe abati la vɛ ale be yeate ŋu awui. Ke esi wova be woakɔe kple abatia la, wokpɔ be ametikpakpɛ koe nɔ abatia dzi eye gbɔ̃fuvɔ le eƒe tagbe. Saul bia via Mixal be, “Nu ka ta nèblem eye nèna nye futɔ si?” Mixal ɖo eŋu be, “Ɖe kokoko wòle nam be mable wò elabena srɔ̃nye gblɔ nam be ne nyemekpe ɖe ye ŋu o la, yeawum.” Ale David si yi Rama ɖakpɔ Samuel eye wògblɔ nu siwo katã Saul wɔ ɖe eŋu la nɛ eye Samuel kplɔ David yi Nayɔt. Esi Saul se be David nɔ Nayɔt le Rama la, eɖo asrafowo ɖa be woalée vɛ. Ke esi woɖo afi ma eye wokpɔ Samuel kple nyagblɔɖila bubuwo nɔ nya gblɔm ɖi la, Mawu ƒe Gbɔgbɔ va wo dzi eye woawo hã de asi nyagbɔgblɔɖi me. Esi Saul se nya si dzɔ la, eɖo asrafo bubuwo ɖa, ke woawo hã gblɔ nya ɖi! Nu ma ke dzɔ zi etɔ̃lia hã. Azɔ Saul ŋutɔ yi Rama eye esi wòɖo vudo la gbɔ le Seku la, ebia be “Afi ka Samuel kple David le?” Ame aɖe gblɔ nɛ be, “Wole Nayɔt le Rama.” Ke esi wòyina Nayɔt la, Mawu ƒe gbɔgbɔ va eya hã dzi eye eya hã de asi nyagbɔgblɔɖi me! Edze eƒe awuwo hetsi amama to ŋkeke kple zã blibo la me eye wògblɔ nya ɖi kple Samuel ƒe nyagblɔɖilawo. Eŋumewo tsi yaa eye wobia be, “Ɖe Saul hã le nyagblɔɖilawo domea?” David kple Yonatan Azɔ la, David si tso Nayɔt le Rama eye wòyi Yonatan gbɔ hebiae be, “Nu ka mewɔ? Agɔ ka medze? Nu ka ta fofowò ɖo ta me kplikpaa nenema be yeawum ɖo?” Yonatan ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe, mèle kuku ge o. Kpɔ ɖa, fofonye mewɔa naneke, sue alo gã ne megblɔe nam o. Nu ka ŋutie wòaɣla nu sia ya ɖem? Mele ame o!” Ke David ka atam hegblɔ be, “Fofowò nyae nyuie be nye nu doa dzidzɔ na wò eye wògblɔ na eɖokui be, ‘Mele be Yonatan nanya esia o. Ne menye nenema o la, ava xa nu.’ Meta Yehowa ƒe agbe kple wò ŋutɔ ƒe agbe be afɔɖeɖe ɖeka koe le nye kple ku dome.” Yonatan gblɔ na David be, “Nu sia nu si ke nedi be mawɔ na ye la, mawɔe na wò.” Ale David gblɔ be, “Kpɔ ɖa, etsɔe nye dzinu yeye ƒe ŋkekenyui eye ele nam be maɖu nu kple fia la, gake na mayi aɖaɣla ɖokuinye ɖe gbe me va se ɖe etsɔ mele eme o ƒe fiẽ. Ne fofowò mekpɔm o eye wòbia tanye la, gblɔ nɛ be, ‘David bia mɔm vevie be yeayi ɖe yewo de, Betlehem elabena woawɔ ƒe sia ƒe ƒe vɔsa na eƒe ƒome blibo la.’ Ke ne egblɔ be, ‘Enyo’ la, ekema wò dɔla le dedie. Gake ne dzi kui la, ekema nyae nyuie be eɖo vɔ̃ ɖe ŋutinye. Ke wò ya la, ve wò dɔla nu elabena èbla nu kplim le Yehowa ŋkume. Ne medze agɔ la, ekema wò ŋutɔ nàwum! Nu ka ŋuti nàtsɔm ade asi na fofowò?” Yonatan ɖo eŋu be, “Madzɔ nenema gbeɖe o; le nyateƒe me la, ne wò nyawo ɖe wole eme la, anye ne megblɔe na wò xoxo.” David biae be, “Aleke mawɔ anya ne fofowò do dɔmedzoe alo medo dɔmedzoe o?” Yonatan gblɔ be, “Na míayi gbedzi.” Ale wo ame evea yi gbedzi. Yonatan gblɔ na David be, “Medo ŋugbe na wò le Yehowa, Israel ƒe Mawu ƒe ŋkɔ me be etsɔ ɣe alawo ɣi alo ne edidi ƒãa la nyitsɔ la, maƒo nu kple fofonye tso ŋuwò eye mana nànya ta me si wòɖo ɖe ŋuwò la enumake. Ne edo dɔmedzoe eye wòdi be yeawu wò la, ekema Yehowa nawum ne nyemegblɔe na wò ale be nàsi, anɔ agbe o. Yehowa nanɔ kpli wò abe ale si wònɔ kple fofonye tsã la ene. Ɖo ŋku edzi be ele be nàɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ kple dɔmenyo afia menye nye ɖeka ko le nye agbenɔɣi me o, ke boŋ na vinyewo hã ne Yehowa tsrɔ̃ wò futɔwo katã.” Ale Yonatan bla nu kple David ƒe ƒometɔwo eye David ka atam be fiƒode dziŋɔ aɖe nava ye kple yeƒe ƒometɔwo dzi ne yewomewɔ nubabla la dzi o. Ke Yonatan na David gaka atam nɛ azɔ kple eƒe lɔlɔ̃ nɛ elabena elɔ̃e abe eɖokui ene. Yonatan gblɔ be, “Dzinu yeye adze egɔme etsɔ. Ne mèva nuɖukplɔ̃a ŋu etsɔ o la, amewo abia tawò vevie. Ame sia ame anɔ tawò biam tso nyitsɔ, eya ta nɔ afi si nàɣla ɖokuiwò ɖo le afi si woli kɔ kpewo ɖo. Mava da aŋutrɔ etɔ̃ ɖe kpeawo ŋgɔ abe nane medzidze le dadam ene. Emegbe maɖo ɖekakpui aɖe ɖa be wòayi aɖatsɔ aŋutrɔawo vɛ nam. Ne èse megblɔ be, ‘Wole akpa sia’ la, ekema nànya be nya vɔ̃ aɖeke meli o. Ke ne megblɔ nɛ be, ‘Yi ŋgɔ. Aŋutrɔawo gale ŋgɔ na wò’ la, ekema egɔmee nye ele be nàdzo enumake. Yehowa nana míawɔ míaƒe ŋugbedodowo na mía nɔewo dzi elabena Yehowae nye avuléla le mía dome tegbetegbe.” Ale David ɣla eɖokui ɖe gbedzi eye esi ɣleti yeyea ƒe ŋkekenyui la ɖo edzi la, fia la nɔ anyi be yeaɖu nu. Enɔ gli ŋu afi si wònɔna ɖaa. Yonatan nɔ anyi dze ŋgɔe eye Abner nɔ Saul xa, ke David ƒe teƒe ɖi gbɔlo. Saul megblɔ nya aɖeke tso nu sia ŋu gbe ma gbe o elabena ebu be nya aɖee anya dzɔ alo David ŋu mekɔ o. Ke esi eƒe teƒe gaɖi gbɔlo le ŋkeke evelia dzi la, Saul bia Yonatan be, “Nu ka ta Yese ƒe vi meva afi sia hena fiẽnuɖuɖu etsɔ kple egbe siaa o?” Yonatan ɖo eŋu be, “David bia mɔm kple kukuɖeɖe blibo be yeayi Betlehem. Egblɔ be, ‘Na mayi elabena míaƒe ƒometɔwo le vɔ sa ge egbea le dua me eye nɔvinyeŋutsu aɖe ɖo du ɖem. Ne edze ŋuwò la, ekema ɖe mɔ nam mayi aɖakpɔ nɔvinyewo.’ Esia tae meva fia ƒe kplɔ̃ ŋu o.” Saul do dɔmedzoe ŋutɔ, eblu ɖe Yonatan hegblɔ be, “Wò, nyɔnu ɖigbɔ, dzeaglã ƒe vi! Ɖe nèbu be nyemenya be yedi be Yese vi ma naɖu fia ɖe nye teƒe eye nàdo ŋukpe wò ŋutɔ kple dawò siaa oa? Ŋkeke ale si ɖekakpui ma le agbe la, màɖu fia gbeɖegbeɖe o. Yi, nàkplɔe vɛ ale be mate ŋu awui!” Yonatan biae be, “Nu kae wòwɔ? Nu ka tae woawui?” Tete Saul da akplɔ Yonatan be yeawui. Nu sia na Yonatan dze sii azɔ be menye fefenya ye fofo gblɔ be ele be David naku o. Yonatan dzo le kplɔ̃ la ŋu kple dɔmedzoe eye wògbe nuɖuɖu ŋkeke blibo la elabena fofoa ƒe ŋukpenanuwɔnawo ɖe David ŋu vee ŋutɔ. Esi ŋu ke la, Yonatan yi gbedzi abe ale si eya kple David ɖoe da ɖi ene. Ekplɔ ŋutsuvi sue aɖe ɖe asi be wòafɔ eƒe aŋutrɔwo nɛ. Egblɔ na ŋutsuvi la be, “Dze duƒuƒu gɔme ale be nàte ŋu akpɔ aŋutrɔawo ne meda wo.” Ale ŋutsuvia ƒu du eye Yonatan da aŋutrɔ ɖeka wòdze le eŋu. Esi wòsusɔ vie ɖevia naɖo afi si aŋutrɔ la dze la, Yonatan do ɣli be, “Aŋutrɔ la gale ŋgɔ na wò. Ƒu du sesĩe; netsɔ! Mègatɔ o!” Ale ŋutsuvi la fɔ aŋutrɔawo eye wòƒu du yi eƒe aƒetɔ gbɔ. Ke ŋutsuvi la ya mese nu si Yonatan wɔ la gɔme o; Yonatan kple David koe se egɔme. Yonatan tsɔ eƒe dati kple aŋutrɔ na ŋutsuvi la eye wògblɔ nɛ be wòatsɔ wo ayi dua me. Esi ŋutsuvi la dzo teti ko la, David do go tso afi si wòbe ɖo le gbegbe la ƒe dziehe lɔƒo. Ebɔbɔ de ta agu na Yonatan zi etɔ̃. Wokpla asi kɔ na wo nɔewo eye wofa avi, ke David fa avi wu Yonatan. Mlɔeba la, Yonatan gblɔ na David be, “Lé dzi ɖe ƒo elabena míetsɔ mía nɔewo kple mía nɔewo ƒe viwo de asi na Mawu tegbetegbe.” Ale woklã. David dzo eye Yonatan hã trɔ yi dua me. David le Nɔb David yi Nɔb dua me be yeakpɔ Abimelek, nunɔla la. Ke esi Ahimelek kpɔe la vɔvɔ̃ ɖoe eye wòbiae be, “Nu ka ta wò ɖeka nèva? Nu ka ta ame aɖeke mele ŋuwò o?” David da alakpa na Ahimelek be, “Fia la de dɔ ɣaɣlɛ aɖe asi nam. Egblɔ nam be magana ame aɖeke nanya nu si ta meva afi sia o. Mefia teƒe si nye amewo ado gom le emegbe la wo. Nuɖuɖu aɖe le asiwòa? Na abolo atɔ̃ alo nu bubu ɖe sia ɖe si nàte ŋui lam.” Nunɔla la ɖo eŋu be, “Abolo dzodzro ya ƒe ɖeke meli o; abolo kɔkɔe koe li. Mexɔe se be miate ŋu aɖui ne wò ɖekakpuiwo medɔ kple nyɔnuwo le ŋkeke siawo me o ko.” David do eŋu be, “Meka ɖe edzi na wò elabena nyemeɖea mɔ na nye ɖekakpuiwo be woade ha kple nyɔnuwo ne míezɔ mɔ o. Ne wole kɔkɔe ne míezɔ mɔ dzodzrowo la, ekema eme kɔ ƒãa be woanɔ kɔkɔe esi míeva dɔ tɔxɛ sia gbe!” Ale, esi nuɖuɖu bubu aɖeke meganɔ anyi o ta la, nunɔla la tsɔ abolo kɔkɔe, Ŋkumeɖobolo, si wotsɔ da ɖe Yehowa ŋkume le agbadɔ la me nɛ. Gbe ma gbe kee wotsɔ abolo yeye ɖɔlii. Eva eme be wosika Doeg, Edomtɔ, ame si nye Saul ƒe lãkplɔlawo ƒe amegã la ɖe Yehowa ŋkume le afi ma le ɣeyiɣi ma me. David bia Ahimelek ne akplɔ alo yi aɖe le esi si ŋu dɔ yeate ŋu awɔ. Eɖe eme nɛ be, “Ele be matsɔ dzo ɖe fia ƒe dɔ la ŋu eye mawɔe kaba ale gbegbe be nyemete ŋu tsɔ aʋawɔnu aɖeke ɖe asi o!” Nunɔla la ɖo eŋu be, “Goliat, Filistitɔ si nèwu le Ela balime la ƒe yi le asinye. Woblae ɖe avɔ aɖe me le awuwo dzraɖoƒe le kɔmewu la megbe. Ne èlɔ̃ la, àte ŋu atsɔe elabena aʋawɔnu bubu aɖeke megale afi sia o.” David ɖo eŋu be, “Eya tututu dim mele; tsɔe nam!” David le Gat David ɖe abla dzo elabena enɔ vɔvɔ̃m na Saul eye wòyi Fia Akis gbɔ le Gat. Ke David ƒe afi ma nɔnɔ medzɔ dzi na Akis ƒe aʋakplɔlawo o. Wobia be, “Menye eyae nye Israel ƒe kplɔla gã la oa? Menye eya ŋue ameawo dea bubui le woƒe ɣeɖuƒewo henɔa ha dzim bena, “ ‘Saul wu akpe eye David wu akpewo’ oa?” David se nya siawo eye wòvɔ̃ nu si Gat fia Akis ate ŋu awɔe. Ale wòwɔ eɖokui abe tsukunɔ ene! Ete fli ɖe ʋɔtruwo ŋu eye wòna ade do tso eƒe nu me hetsyɔ ɖe eƒe ge me. Fia Akis gblɔ na eƒe subɔlawo be, “Mikpɔ ame sia ɖa! Ele tsu kum! Nu ka tae miekplɔe vɛ nam ɖo? Tsukunɔ ƒe koe si le wɔyem tae miekplɔ ame sia vɛ be woava anɔ nu siawo ƒomevi wɔm le nye ŋkutaa? Ɖe wòdze be miakplɔ ame sia ƒomevi va nye aƒe mea?” David le Adulam kple Mizpa Ale David dzo le Gat eye wòsi yi Adulam ƒe agado me; le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, nɔviawo kple ƒometɔwo va tsi egbɔ le afi ma. Tete ame siwo nɔ hiãkame aɖe me abe fenyilawo ene alo ame siwo nu tɔxɛ aɖe nɔ fu ɖem na la de asi egbɔ vava me va se ɖe esime wòva zu tatɔ na ame abe alafa ene ene. Emegbe la, David yi Mizpa le Moab nyigba dzi be yeabia mɔfiala ale be ye fofo kple ye dada nava nɔ afi ma le fia la ƒe dzikpɔkpɔ te, va se ɖe esime yeanya nu si Mawu le wɔwɔ ge na ye. Ale wonɔ Moab nyigba dzi le David ƒe agado la me nɔɣi la katã. Gbe ɖeka la, Nyagblɔɖila Gad gblɔ na David be wòadzo le agado la me eye wòatrɔ ayi Yuda. Ale David yi ave aɖe me le Heret. Esi wòva ɖo afi ma tetee ko la, Saul se be eva ɖo Yudanyigba dzi elabena Saul nɔ Gibea ɣe ma ɣi. Enɔ anyi ɖe oɖumti aɖe te nɔ fefem kple eƒe yi eye eƒe aʋafiawo ƒo xlãe. Esi wòse nya sia la, egblɔ be, “Miɖo tom, mi Benyaminviwo! Ɖe David do ŋugbe na mi be yeana agbledenyigbawo kple waingblewo mi eye yeado mi ɖe ŋgɔ le aʋakɔ la mea? Esia tae mietsi tsitre ɖe ŋunyea? Mia dometɔ aɖeke megblɔ nam kpɔ be nye ŋutɔ vinye le David dzi o. Miexa nu ɖe nunye gɔ̃ hã o. Mibu eŋu kpɔ! Nye ŋutɔ vinye nado ŋusẽ David be woade xa ɖe ŋunye abe ale si wòwɔ egbea ene.” Ke Doeg, Edomtɔ, si nɔ tsitre kple Saul ƒe amewo le afi ma la gblɔ be, “Esi menɔ Nɔb la, mekpɔ Yese viŋutsu la wònɔ dze ɖom kple Ahimelek, Ahitub viŋutsu la. Abimelek bia nu Yehowa nɛ, ena nuɖuɖui eye wòtsɔ Goliat, Filistitɔ la, ƒe yi hã nɛ.” Ale Fia Saul ɖo du ɖe nunɔla Ahimelek, Ahitub viŋutsu kple eƒe ƒometɔwo katã, ame siwo nye nunɔlawo le Nɔb eye wova fia la gbɔ. Saul gblɔ na Abimelek be, “Ɖo tom, wò Ahitub viŋutsu!” Abimelek ɖo eŋu be, “Mele to ɖom nye aƒetɔ.” Saul biae be, “Nu ka tae wò kple David, miebla ɖe ŋunye? Nu ka ta wò Yese vi nèna nuɖuɖui, tsɔ yi de asi nɛ eye nèbia gbe Mawu tso eŋu gblɔ nɛ? Nu ka ta nèdo ŋusẽe be wòatso ɖe ŋunye eye wòava afi sia, aho aʋa ɖe ŋunye?” Ahimelek ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ, ɖe ame ɖeka aɖe le wò subɔlawo katã dome si nye nuteƒewɔla na wò abe wò toyɔvi, David enea? Eyae nye ŋuwòmewo ƒe amegã eye wòganye wò aƒemetɔ si amewo buna la. Menye esiae nye zi gbãtɔ si mebia nya Mawu tso eŋu o! Menyo be nàtsɔ nya ɖe nye kple nye ƒometɔwo ŋu alea o elabena míenya naneke tso nya sia si nètsɔ ɖe mía ŋu la ŋu o.” Fia Saul do ɣli be, “Wò, Ahimelek kple wò ƒometɔwo katã miaku!” Eɖe gbe na eƒe asrafowo be, “Miwu nunɔla siawo katã elabena wobla kple David ɖe ŋunye; wonya be ele sisim le nunye, ke womegblɔe nam o!” Ke asrafoawo gbe womewu Yehowa ƒe nunɔlawo o. Fia la ɖe gbe na Doeg be, “Wò ŋutɔ wu wo!” Ale Doeg, Edomtɔ la wu nunɔla blaenyi-vɔ-atɔ̃wo le esime wonɔ nunɔlawo ƒe awu me. Le esia yome la, eyi Nɔb, nunɔlawo ƒe du me eye wòwu nunɔlawo ƒe ƒometɔwo, ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖeviwo kple vidzĩwo hekpe ɖe woƒe nyiwo, tedziwo kple alẽwo ŋu. Eye Ahitub vi, Ahimelek ƒe vi ɖeka si ŋkɔ nye Abiata la si dze David yome. Esi Abiata gblɔ nu si Saul wɔ na David la, David do ɣli gblɔ na Abiata be, “Menya nenema! Esi mekpɔ Doeg, Edomtɔ la le afi ma la, menya be agblɔe na Saul. Azɔ la, mehe ku vɛ na fofowò ƒe ƒometɔwo katã. Nɔ gbɔnye le afi sia. Mègavɔ̃ o elabena ame si le nye ku dim lae le wò hã tɔ di ge; ànɔ dedie le gbɔnye.” David ɖe Keila tso Filistitɔwo si me Gbe ɖeka la, David se be Filistitɔwo va nɔ Keilatɔwo ƒe lugbɔƒe ham, eya ta David bia Yehowa be, “Ɖe mayi aɖawɔ aʋa kple Filistitɔwoa?” Yehowa ɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, yi, nàxɔ na Keilatɔwo.” Ke David ƒe amewo gblɔ be, “Míele vɔvɔ̃m le Yuda le afi sia xoxo, Míedi be míayi Keila aɖawɔ aʋa kple Filistitɔwo ƒe aʋakɔ blibo la o!” David gabia gbe Yehowa eye wògaɖo eŋu be, “Miyi Keila elabena makpe ɖe mia ŋu miaɖu Filistitɔwo dzi.” Woyi Keila eye wowu Filistitɔ geɖewo, woxɔ woƒe lãwo eye ale woɖe Keilatɔwo. Ale Abiata, Ahimelek ƒe vi, yi Keila le David gbɔ. Etsɔ eƒe kɔmewu ɖe asi, ale be yeate ŋu ase nya tso Mawu gbɔ agblɔ na David. Saul ti David yome Eteƒe medidi hafi Saul se be David nɔ Keila o. Saul do ɣli be, “Ahã! Enyo! Míaƒe asi su edzi azɔ, Mawu tsɔe de asi nam elabena eya ŋutɔe yi ɖatu eɖokui ɖe du si woɖo gli ƒo xlãe la me!” Eya ta Saul na be eƒe aʋakɔ blibo la nayi Keila aɖaɖe to ɖe David kple eƒe ameawo. Ke David se nu tso Saul ƒe ɖoɖowo ŋu eye wògblɔ na nunɔla Abiata be wòatsɔ eƒe kɔmewu la vɛ eye wòabia nu si yewoawɔ la tso Yehowa gbɔ. David gblɔ be, “Oo, Yehowa, Israel ƒe Mawu, mese be Saul gbɔna be yeatsrɔ̃ Keila elabena mele afi sia. Ɖe Keilatɔwo atsɔm ade asi nɛa? Ɖe Saul anya va abe ale si mese enea? Oo, Yehowa, Israel ƒe Mawu, meɖe kuku, gblɔe nam.” Yehowa gblɔ be, “Ɛ̃, Saul le vava ge.” David bia be, “Ɖe Keilatɔ siawo atsɔ mí ade asi nɛa?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ɛ̃, woatsɔ mi ade asi nɛ.” Ale David kple eƒe amewo, abe ame alafa ade ene dzo le Keila eye wonɔ tsatsam le gbedzi. Saul se enumake be David si le Keila eya ta megayi afi ma kura o. Azɔ la, David nɔ agadowo me le gbedzi le Zif ƒe tonyigba dzi. Tso ŋkeke yi ŋkeke la, Saul di David gake Mawu metsɔ David de asi nɛ o. Gbe ɖeka esi David nɔ Hores le Zif gbegbe la, ese be Saul le eƒe agbe yome tim. Fiavi Yonatan yi David di ge azɔ. Edo goe le Hores eye wòdo ŋusẽe le eƒe mawudzixɔse me. Yonatan ka ɖe edzi na David bena “Mègavɔ̃ o, fofonye ƒe asi masu dziwò gbeɖe o! Wòe azu fia ɖe Israel dzi eye manɔ ŋuwò, anye evelia na wò abe ale si fofonye nyae nyuie ene.” Ale wo ame evea gabla nu ɖe woƒe xɔlɔ̃wɔwɔ dzi. David nɔ Hores ke Yonatan trɔ yi aƒe. Azɔ la, Ziftɔwo yi Saul gbɔ le Gibea eye wozɔ David ŋu nɛ, gblɔ nɛ be, “Míenya afi si wòbe ɖo; ele Hores ƒe agadowo me le Hakila to la dzi, le gbegbe la ƒe dzieheliƒo dzi. Amegã, va ne míalée na wò ekema wò didi gãtɔ ava eme!” Saul gblɔ be, “Yehowa ayra mi be miewɔ dɔmenyo gã sia nam! Miyi ne miaka ɖe afi si wòle kple ame siwo kpɔe le afi ma la dzi elabena menya be ayetɔ gã aɖee wònye. Mikpɔ afi si tututu wòbe ɖo eye miatrɔ ava gblɔe nam. Ekema mayi kpli mi eye ne anya nɔ afi ma lɔƒo ko la, ne wòahiã be madii le nuto me blibo la hã la, madii eye makpɔe kokoko!” Ale wodo ŋgɔ na Saul yi Zif. David kple eƒe amewo nɔ Maon gbegbe si le Araba le Yesimo ƒe dziehe lɔƒo. Saul kple eƒe amewo dze wo yome eye esi wogblɔ esia na David la, eɖi abu yi agakpe la gbɔ eye wònɔ Maon gbegbe. Esi Saul se esia la, eti eyome yi Maon gbegbe la. Saul nɔ to aɖe ƒe akpa ɖeka ŋu eye David hã nɔ to ma ke ƒe akpa evelia ŋu. Esi wòsusɔ vie Saul kple eƒe amewo naɖe to ɖe David kple eƒe amewo la, David dze agbagba be yeasi gake mɔnukpɔkpɔ aɖeke menɔ anyi o. Le ɣe ma ɣi tututu la, du va tu Saul be Filistitɔwo gava nɔ Israel ham. Eya ta Saul ɖe asi le David yometiti ŋu eye wòtrɔ yi be yeawɔ aʋa kple Filistitɔwo. Tso ɣe ma ɣi dzi la, woyɔa teƒe si David ƒu asaɖa anyi ɖo la be “Kaklã ƒe Agakpe.” David yi ɖanɔ En Gedi ƒe agadowo me azɔ. David kpɔ nublanui na Saul Esi Saul wɔ aʋa kple Filistitɔwo eye wòtrɔ gbɔ la, wogblɔ nɛ be David yi gbedzi le En Gedi. Saul kplɔ asrafo tɔxɛ akpe etɔ̃ ɖe asi tso Israel eye wòyi ɖadi David le agakpewo dome le En Gedi gbedzi. Saul yi ɖe agado aɖe le afi si mɔ la to alẽkpo aɖewo dome le la me be yeade afɔdzi, sigbeɖe, David kple eƒe aʋawɔlawo be ɖe agado ma ke me! David ƒe amewo do dalĩ nɛ be, “Azã la su na wò azɔ. Egbee nye ŋkeke si ŋu Yehowa gblɔ le be, ‘Matsɔ Saul ade wò ŋusẽ te eye nàwɔ nu si dze ŋuwò la kplii!’ ” David wɔ ɖɔɖɔɖɔ eye wòlã Saul ƒe awu ʋlaya to! Ke eƒe dzitsinya de asi fuɖeɖe nɛ me. Egblɔ na eƒe amewo be, “Nede megbe xaa tso gbɔnye le Yehowa ta be mawɔ nenem nu vɔ̃ ma ɖe nye aƒetɔ si nye Yehowa ƒe amesiamina la ŋu, elabena Yehowa ƒe amesiamina wònye.” David ka mo na eƒe amewo kple nya siawo eye meɖe mɔ na wo wowu Saul o. Ale Saul do go le agado la me eye wòdzo. Tete David do go le agado la me eye wòdo ɣli ɖo ɖe Saul yome be, “Nye aƒetɔ, fia!” Esi Saul nye kɔ kpɔ megbe la, David bɔbɔ de ta agu eye wòmlɔ anyi tsyɔ mo anyi. David do ɣli na Saul be, “Nu ka ta nèle to ɖom ame siwo le gbɔgblɔm na wò be, David ɖoe kplikpaa be yeawɔ nuvevi wò? Wò ŋutɔ èkpɔe kple wò ŋkuwo le egbeŋkeke sia dzi ale si Yehowa tsɔ wò de asi nam le agadoa me eye nye ame aɖewo ƒoe ɖe nunye be mawu wò, gake meɖe wò agbe elabena megblɔ be, ‘Nyemakɔ nye asi dzi ɖe nye aƒetɔ ŋu o, elabena Yehowa ƒe amesiaminae wònye.’ Kpɔe ɖa, fofonye, kpɔ wò awu ʋlaya ƒe kakɛ si le nye asi me la ɖa! Melã wò awu ʋlaya to gake nyemewu wò o. Azɔ se egɔme eye nànyae be nu tovo wɔwɔ alo aglãdzedze ƒe fɔɖiɖi mele dzinye o. Nyemedze agɔ le dziwò o, ke wò ya èti yonyeme kutɔkutɔe be yeaɖe nye agbe ɖa. “Yehowa nedrɔ̃ ʋɔnu le nye kpli wò dome eye Yehowa neɖo vɔ̃ siwo katã nèwɔ ɖe ŋunye la teƒe na wò. Ke nye ya nye asi maka ŋutiwò o. Lododo xoxo aɖe gblɔ be, ‘Nu vɔ̃ɖi doa go tsoa ame vɔ̃ɖiwo me.’ “Ame ka ŋutie Israel fia do go ɖo? Ame ka yome tim nèle? Avu kukua? Alo axɔ̃ ɖeka ŋua? Yehowa ŋutɔ nanye míaƒe ʋɔnudrɔ̃la eye wòadrɔ̃ nya le mía dome. Yehowa nebu nye nya ŋu eye wòaʋli tanye, neɖem tso asiwò me, esia anye afiatsotso nam.” Esi David wu nya siawo gbɔgblɔ nu la, Saul biae be, “Wò gbee nye ema, vinye David?” Ale wòwo avi sesĩe. Egblɔ na David be, “Ènye ame dzɔdzɔe wum. Èwɔ nyui nam le esime nye ya mewɔ vɔ̃ ɖe ŋutiwò. Ègblɔ nyui si nèwɔ nam la fifi laa. Yehowa tsɔm de asiwò me, gake mèwum o. Ne ame aɖe do go eƒe futɔ la, ɖe wòɖea asi le eŋu wòdzona nuvevimawɔmawɔea? Yehowa neɖo nyui sia teƒe na wò geɖe, ɖe nu si nèwɔ nam egbea la ta. Azɔ la medze sii be èle fia ɖu ge kokoko eye Israel fiaɖuƒe la ali ke ɖe asiwò me. Le Yehowa ƒe ŋkɔ me, ka atam nam bena ne nu sia va eme la, màwu nye ƒometɔwo eye màtsrɔ̃ nye dzidzimeviwo o!” Ale David ka atam la na Saul. Tete Saul trɔ dzo yi aƒe me ke David kple eƒe ameawo gbugbɔ yi mɔ sesẽ la me. David, Nabal kple Abigail Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Samuel ku eye Israel blibo la ƒo ƒu hena kunu la wɔwɔ. Woɖii ɖe eƒe ƒometɔwo ƒe anyigba dzi le Rama. Le ɣeyiɣi sia me la, David yi gbedzi le Paran. Lãnyiƒe nɔ kesinɔtɔ aɖe si tso Maon la si le afi ma te ɖe Karmel ŋu. Alẽ akpe etɔ̃ (3,000) kple gbɔ̃ akpe ɖeka nɔ esi. Kesinɔtɔ sia va eƒe lãnyiƒe le ɣeyiɣi sia me hena fukoko na eƒe alẽwo. Eŋkɔe nye Nabal. Srɔ̃a nye nyɔnu dzetugbe aɖe si ƒe tagbɔ kɔ; eŋkɔe nye Abigail. Nabal nye Kaleb ƒe dzidzimevi, enye ame si meɖɔ ʋu kura o eye wòganye ŋlɔmitɔ kple kɔlialiatɔ hã. Esi David se be Nabal nɔ fu kom na eƒe alẽwo la, eɖo eƒe ɖekakpui ewo ɖe Karmel be woado gbe na Nabal eye woagblɔ nɛ be, “Mawu nana wò kple wò ƒometɔwo miakpɔ dzidzedze eye nu sia nu si nye mia tɔ la nadzi ɖe edzi na mi. Wogblɔ nam be èle fu kom na wò alẽwo kple gbɔ̃wo. Le ɣeyiɣi si me wò alẽkplɔlawo nɔ mía dome la, míewɔ nuvevi aɖeke wo kpɔ o eye míefi woƒe naneke kpɔ hã o. Wò ɖekakpuiwo ate ŋu aɖi ɖase le nya sia ŋu na wò. Mele nye amewo ɖom ɖa be woabia nunana aɖe tso gbɔwò elabena ŋkekenyui aɖe va tu mí. Míeɖe kuku, na nu sia nu si dze ŋuwò ko la mí.” Ɖekakpuiawo va gblɔ David ƒe nya la na Nabal. Ke Nabal bia be, “Ame kae nye David eye ame ka tututue Yese vi sia bu be yenye? Subɔla geɖewo li le ŋkeke siawo me, ame siwo si dzo le woƒe aƒetɔwo gbɔ. Ɖe matsɔ nye abolo kple nye tsi kple lã si mewu na nye fukolawo la ana ameha aɖe si tso afi si nyemenya oa?” Ale David ƒe ɖekakpuiawo trɔ gbɔ va gblɔ nya siwo Nabal gblɔ la nɛ. David ŋutɔ tsɔ eƒe yi eye wòɖe gbe na eƒe amewo hã be woatsɔ woƒe yiwo. Ame alafa ene (400) dze mɔ kple David eye ame alafa eve (200) tsi anyi henɔ woƒe nuwo ŋu dzɔm. Nabal ƒe amewo dometɔ ɖeka yi ɖagblɔ na Nabal srɔ̃, Abigail, be, “David ɖo amewo ɖa tso gbedzi be woaƒo nu kple míaƒe aƒetɔ ke míaƒe aƒetɔ dzu wo eye wòblu ɖe wo. Ke ame siawo wɔ nyui na mí. Womewɔ nuvevi aɖeke mi o. Le ɣeyiɣi si katã míenɔ gbegbea kpli wo la, míaƒe naneke mebu o. Wonye kpɔtɔtɔ ƒo xlã mí zã kple keli esime míenɔ míaƒe alẽhawo dzi kpɔm le wo gbɔ. Anyo be nàbu ta me kaba, elabena nya sesẽ aɖe le dzɔdzɔ ge ɖe míaƒe aƒetɔ kple ƒome blibo la dzi. Míaƒe aƒetɔ nye kɔlialiatɔ ale gbegbe be ame aɖeke maƒo nu nɛ wòase o.” Abigail ɖe abla enumake, tsɔ abolo alafa eve (200), wain atigo eve, alẽ atɔ̃ siwo wowu la ƒe lã, bli tɔtɔ agba eve, abolo alafa ɖeka si wowɔ kple waintsetse ƒuƒu kple abolo alafa eve siwo wowɔ kple gbotsetse. Etsɔ nu siawo ɖo tedziwo dzi. Egblɔ na eƒe dɔlawo be, “Midze mɔ, madze mia yome” Ke megblɔ nya aɖeke na srɔ̃a, Nabal, o. Esi wònɔ eƒe tedzia dom va ɖo to aɖe ƒe balime la, David kple eƒe ameawoe nye ekem ɖiɖi gbɔna egbɔ eye wòyi ɖado go wo. Fifi laa ko David gblɔ be, “Nye ame sia ƒe nuwo dzi kpɔkpɔ nɛ le gbea dzi be womefi eƒe naneke o nye dzodzro. Etsɔ vɔ̃ ɖo nyui si mewɔ nɛ la teƒe nam. Mawu nefia David eye wòagafiae ɖe edzi ɖaa ne hafi etsɔ ŋdi naɖo la, magblẽ ŋutsu aɖe ɖi nɛ agbagbe!” Esi Abigail kpɔ David la, eɖi le eƒe tedzi dzi enumake eye wòde ta agu ɖe David ŋgɔ. Edze klo ɖe eƒe afɔ nu hegblɔ nɛ be, “Nye aƒetɔ, na be vodada sia nanɔ nye ko dzi. Meɖe kuku, na wò dɔla naƒo nu kpli wò eye nàɖo to nya si le wò dɔla si. Nye aƒetɔ, megaɖo to Nabal ŋutsu vɔ̃ɖi ma o. Ɖe ko wòle abe aƒe ŋkɔ ene. Eƒe ŋkɔ gɔmee nye Bometsila. Eya ta bometsitsi nɔ eŋu ɖo. Ke nye, wò dɔla, ya la, nyemekpɔ ŋutsu siwo nye aƒetɔ dɔ ɖa la o. Aƒetɔ, zi ale si Yehowa ɖe wò tso amewuwu kple hlɔ̃biabia me ta la, metsɔ Yehowa ƒe agbe kple wò ŋutɔ wò agbe le kuku ɖem be fiƒode naɖi wò futɔwo katã, abe Nabal ene, ŋu. Azɔ la, xɔ nunana siwo metsɔ vɛ na nye aƒetɔ la, na wò kple ɖekakpuiawo. Tsɔ vo si meda be medo dzi heva afi sia la kem. Yehowa aɖo eteƒe na wò kokoko, ana wò fiaɖuƒe nasu wò dzidzimeviwo si eye enu matso akpɔakpɔ o elabena Yehowa ƒe aʋawo wɔm nèle eye dzɔgbevɔ̃e madzɔ ɖe dziwò le wò agbemeŋkekewo katã me o. Ne amewo ati wò agbe yome hã la, ànɔ dedie le Yehowa, wò Mawu la ƒe dzikpɔkpɔ te, abe ale si ga nɔa dedie le gatɔ ƒe gakotoku me ene! Ke wò futɔwo ƒe agbe abu abe kpe si woda le aŋetu me ene. Ne Yehowa wɔ nyui siwo katã ŋugbe wòdo na wò eye nèzu Israel Fia la, ekema, nye aƒetɔ, màxa nu be yewu ame aɖewo dzodzro alo be yebia hlɔ̃ na ye ɖokui o. Gawu la, ne Yehowa yra wò la, nye aƒetɔ, meɖe kuku, ɖo ŋku dzinye!” David ɖo eŋu na Abigail be, “Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si dɔ wò ɖa nèva do gom egbe! Míada akpe na Mawu le susu nyui si wòna wò la ta! Meda akpe na wò be nèɖem tso amewo ƒe ʋukɔkɔɖi kple nye asitsɔtsɔ bia hlɔ̃e la me, elabena metsɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si na nyemewɔ nuvevi wò o la, ka atam be ne menye ɖe nèva do gom o la, Nabal ƒe amewo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã maganɔ agbe etsɔ ŋdi o.” David xɔ Abigail ƒe nunana la eye wògblɔ nɛ be wòatrɔ ayi aƒe eye megavɔ̃ o elabena yemawu srɔ̃a o. Esi Abigail ɖo aƒe me la, ekpɔ be ye srɔ̃ ɖo kplɔ̃ gã aɖe eye wòmu aha, eya ta megblɔ nya aɖeke nɛ tso eƒe gododo David ŋu o, va se ɖe esime ŋu ke. Esi aha la kɔ le mo nɛ la, Abigail gblɔ nya sia nya nɛ. Tete eƒe dzi fa ɖe eƒe dɔ me eye wòtsi maʋamaʋã abe kpe ene. Le ŋkeke ewo megbe la, Yehowa na Nabal ku. Esi David se be Nabal ku la, egblɔ be, “Woakafu Yehowa! Mawu ɖo eteƒe na Nabal eye wòkpe ɖe ŋunye be nye ŋutɔ nyemebia hlɔ̃e o. Exɔ eƒe tohehe le eƒe nu vɔ̃ ta!” David dɔ eƒe dɔlawo ɖe Abigail gbɔ enumake be woagblɔ nɛ be yedi be wòazu ye srɔ̃. Esi dɔlawo va ɖo Karmel eye wogblɔ nu si ta wova na Abigail la, elɔ̃ ɖe eƒe biabia la dzi enumake. Tete wòtsi tre, eye wòtsyɔ mo anyi gblɔ be, “Wò dɔlanyɔnu aklɔ eƒe aƒetɔ ƒe dɔlawo ƒe afɔ ŋu abe kosi ene.” Edzra ɖo kaba, kplɔ nyɔnudɔla atɔ̃ ɖe asi, lia eƒe tedzi dzi eye wòdze dɔlawo yome yi David gbɔ. Ale Abigail zu David srɔ̃. David ɖe srɔ̃ bubu, Ahinoam, tso Yezreel hã. Ke Fia Saul zi via nyɔnu Mixal, ame si nye David srɔ̃ la, dzi wòɖe Palti, Lais vi, tso Galim. David gakpɔ nublanui na Saul Zifitɔwo va Saul gbɔ le Gibea eye wogblɔ nɛ be, “Ɖe David mebe ɖe Hakila togbɛ si dze ŋgɔ Yesimon to la dzi oa?” Ale Saul yi Zif gbegbe kple eƒe ame akpe etɔ̃ (3,000) siwo wòtia tso Israel eye woyi be woadi David. Saul ƒu asaɖa anyi ɖe mɔ si ɖo ta Hakila tɔgbɛ si dze ŋgɔ Yesimon mɔto, ke David ya nɔ gbegbea. Esi wòkpɔ be Saul ti ye yome va afi ma la, eɖo ŋkutsalawo ɖe gbea dzi eye woɖo kpe edzi nɛ be Saul va ɖo afi ma vavã. David yi enumake eye wòde dzesi afi si tututu Saul kple Abner, Ner vi, ame si nye Saul ƒe aʋafia la dɔna. Saul dɔa asaɖa la me eye eƒe amewo ƒua asaɖa anyi ƒoa xlãe. David bia Ahimelek, Hititɔ la kple Abisai, Yoab nɔviŋutsu, ame si dada nye Zeruya be, “Mi ame eve siawo dometɔ kae ayi Saul ƒe saɖa la me kplim?” Abishai ɖo eŋu be, “Mayi.” Ale David kple Abisai yi Saul ƒe aʋakɔ la gbɔ le zã me. Wokpɔ Saul wòdɔ alɔ̃ eye wòtsɔ eƒe akplɔ tu anyigba le eƒe tagbɔ. Ke Abner kple eƒe aʋakɔ la ɖe to ɖee godoo. Abisai do dalĩ na David be, “Mawu tsɔ wò futɔ de asi na wò egbe, ɖe mɔ nam matsɔ eya ŋutɔ ƒe akplɔ atu edzi eye mamimii ɖe anyigba. Mahiã be magatui edzi zi evelia kura o!” Ke David gblɔ na Abisai be, “Mègawui o elabena ame kae anye ame maɖifɔ ne ewu fia si Yehowa ŋutɔ tia? Gbe ɖeka la, Yehowa ŋutɔ ana wòaku kokoko, aku le aʋa me loo alo tsitsi ana wòaku. Ke Yehowa melɔ̃ be mawu ame si eya ŋutɔ tia be wòanye fia o. Nu si míawɔ enye míatsɔ eƒe akplɔ kple eƒe tsinoze eye míadzo le afi sia!” Ale David tsɔ akplɔ la kple tsinoze la dzoe ke ame aɖeke mekpɔ wo o eye ame aɖeke menyɔ hã o elabena Yehowa na wodɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi. Wolia to si le go kemɛ la va se ɖe esime woɖo didiƒe aɖe. Azɔ la, David do ɣli ɖo ɖe Saul kple Abner be, “Abner, nyɔ!” Abner bia be, “Wò ame kae le ɣli dom nenema hele fia la nyɔm tso alɔ̃ me?” David ɖo eŋu fewuɖutɔe be, “Menye wòe nye ame gãtɔ kekeake le Israel oa? Ekema nu ka ta mèdzɔ wò aƒetɔ, fia la, ŋu esi ame aɖe va be yeawui o? Esia menyo kura o! Metsɔ Yehowa ka atam na wò be ele be nàku le wò ŋudzɔmanɔmanɔ ta. Afi ka fia la ƒe akplɔ kple eƒe tsinoze si nɔ eƒe tagbɔ la le?” Saul dze si David ƒe gbe eye wòbiae be, “David, wò vinyee nye ema?” David ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nye aƒetɔ fia bubutɔ, nyee.” Eye wòyi edzi be, “Nu ka ta nye aƒetɔ le eƒe subɔla yome tim? Nu ka mewɔ eye nu ka tututue nye nu vɔ̃ si mewɔ? Azɔ la, nye aƒetɔ, fia la nase eƒe subɔla ƒe nyawo. Nenye Yehowae na nètso ɖe ŋunye la, ekema mexɔ nye vɔsa. Ke nenye amegbetɔviwo ƒe ɖoɖoe la, ekema Yehowa ŋutɔ naƒo fi ade wo elabena wonyam dzoe le mía de ale be nyemate ŋu anɔ Yehowa ƒe amewo dome o eye woɖom ɖa be masubɔ mawu bubuwo. Eya ta azɔ la, mègana nye ʋu naɖuɖu ɖe anyigba, afi si didi tso Yehowa gbɔ o. Israel fia va le axɔ̃ aɖe dim abe ale si ame dia tegli le towo dzi be yeawu ene.” Enumake Saul ʋu eme be, “Mewɔ nu vɔ̃. Trɔ va aƒe, vinye eye nyemagadze agbagba be mawɔ vɔ̃ aɖeke wò o, elabena èɖe nye agbe egbe; abunɛtɔe menye eye tɔnye medzɔ le go aɖeke me kura o.” David gblɔ na Saul be, “Amegã, wò akplɔe nye esi, na wò ɖekakpuiawo dometɔ ɖeka nava afi sia ava xɔe. Yehowa ŋutɔ axe fe na ame si wɔ nyui kple ame si wɔ nuteƒe. Ao, nyemawu wò o, togbɔ be Yehowa tsɔ wò de asi nam hã. Azɔ la, Yehowa naɖe nye agbe abe ale si meɖe tɔwò egbe ene; eye wòaɖem tso nye xaxawo katã me.” Saul gblɔ na David be, “Woayra wò, vinye David; àwɔ nu dzɔatsuwo eye ànye dziɖula gã aɖe.” David trɔ dzo eye Saul yi eƒe nɔƒe. David le Filistitɔwo dome Ale David nɔ bubum le eɖokui me be, “Gbe ɖeka la, Saul ƒe asi asu dzinye. Mate Filistitɔwo domenɔnɔ kpɔ va se ɖe esime Saul nadzudzɔ yonyemetiti. Ekema maganɔ dedie.” Ale David kple ame alafa ade (600) siwo le eŋu la dzo heyi Akis, Mayok vi, Gat fia, gbɔ. David kple eƒe amewo nɔ Gat le fia Akis gbɔ. Ame sia ame kplɔ eƒe aƒemetɔwo ɖe asi eye David hã kplɔ srɔ̃a eveawo: Ahinoam tso Yezreel kple Abigail tso Karmel, ame si nye Nabal ƒe ahosi la ɖe asi. Esi Saul se be David si yi Gat la, edzudzɔ eyometiti. Gbe ɖeka David gblɔ na Akis be, “Nye aƒetɔ, ne anyo na wò la, ekema nàna míanɔ du sue aɖe me ke menye fiadua me le afii o.” Ale Fia Akis tsɔ Ziklag na David eye wòzu Yuda fia ƒe du va se ɖe egbe. David kple eƒe amewo nɔ Ziklag le Filistitɔwo dome, ƒe ɖeka kple ɣleti ene. Wonɔa Gesuritɔwo, Girzitɔwo kple Amalekitɔwo, ame siwo nɔ Sur gbɔ le Egipte mɔ dzi tso gbe aɖe gbe ke la ham. Womenana ame aɖeke tsia agbe le du siwo dzi wodzena la me o. Wohaa woƒe alẽwo, nyiwo, tedziwo, kposɔwo kple nudodowo hafi trɔ va Akis. Akis biaa David be, “Afi ka tɔwo dzi miedze egbea?” David ɖoa eŋu be, “Míedze ame siwo le Yuda ƒe anyigbeme kple Yerameeltɔwo kple Kenitɔwo dzi.” David mena ŋutsu alo nyɔnu aɖeke tsia agbe o, elabena ebu be, ne yekplɔ wo va Gat la, woava ƒo nu le yewo ŋu agblɔ be, “Ale kple ale David wɔ enye esi.” Nu sia dzɔna edziedzi esi wònɔ Filistitɔwo dome. Fia Akis xɔ David dzi se eye wòbu be Israelviwo alé fui azɔ. Fia la bu be, “Azɔ la, atsi afi sia eye wòasubɔm tegbetegbe.” Saul yi ŋɔliyɔla aɖe gbɔ le Endor Le ŋkeke mawo me la, Filistitɔwo ƒo ƒu woƒe aʋakɔwo be woawɔ aʋa kple Israel. Akis gblɔ na David be, “Nyae be wò kple wò ameawo miakplɔm ɖo anɔ nye aʋakɔwo dome.” David ɖo eŋu nɛ be, “Ekema wò ŋutɔ àkpɔe na ɖokuiwò, nu si wò dɔla ate ŋu awɔ.” Akis ɖo eŋu be, “Enyo matsɔ wò awɔ ŋunyedzɔlae hena wò agbemeŋkekewo katã.” Saul kple ŋɔliyɔla le Endor Azɔ la, Samuel ku eye Israel dukɔ blibo la fae, woɖii ɖe wo de le Rama. Fia Saul ɖe ŋɔliyɔlawo kple afakalawo katã ɖa le Israelnyigba la dzi. Filistitɔwo ƒu asaɖa anyi ɖe Sunem, ke Saul ƒo Israel blibo la nu ƒu eye woƒu asaɖa anyi ɖe Gilead. Esi Saul kpɔ Filistitɔwo ƒe aʋakɔ ƒe agbɔsɔsɔ la, dzidzi ƒoe eye wòvɔ̃ ŋutɔ. Ebia nu si wòawɔ la Yehowa, ke Yehowa meɖo nya aɖeke ŋu nɛ to drɔ̃ekuku me, alo to Urim dzi loo alo to nyagblɔɖilawo dzi o. Ale Saul gblɔ na eƒe subɔlawo be, “Midi nyɔnu aɖe si nye ŋɔliyɔla la nam, ale be mayi egbɔ aɖabia nu.” Dɔlawo gblɔ nɛ be, “Ŋɔliyɔla aɖe le Endor.” Ale Saul trɔ eƒe nɔnɔme hedo awu dzodzro aɖe le eƒe fiawu teƒe. Eyi ɖe ŋɔliyɔla la ƒe aƒe me le zã me kple eƒe subɔla eve. Saul gblɔ na ŋɔliyɔla la be, “Bia gbe gbɔgbɔ aɖe nam eye nàyɔ ame si ŋkɔ mayɔ na wò la nam.” Gake nyɔnu la gblɔ nɛ be, “Le nyateƒe me ènya nu si Saul wɔ. Eɖe afakalawo kple ŋɔliyɔlawo ɖa le anyigba la dzi. Nu ka ŋutie nètre mɔ na nye agbe be yeahe ku vɛ nam?” Saul tsɔ Yehowa ka atam nɛ be, “Meta Yehowa ƒe agbe be womahe to na wò ɖe nu sia ta o.” Nyɔnu la biae be, “Ame kae nèdi be mayɔ na ye?” Saul do eŋu be, “Yɔ Samuel nam.” Esi nyɔnu la kpɔ Samuel la, edo ɣli sesĩe eye wògblɔ na Saul be, “Nu ka ŋutie nèblem ɖo? Wòe nye Saul!” Fia Saul gblɔ nɛ be, “Mègana dzidzi naƒo wò o! Nu ka nèkpɔ?” Ŋɔliyɔla la ɖo eŋu be, “Mekpɔ gbɔgbɔ aɖe wòle dodom tso tome gbɔna.” Saul bia be, “Aleke eƒe dzedzeme le?” Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Ame si gbɔna la nye amegãɖeɖi si do awu ʋlaya.” Tete Saul dze sii be Samuel ye eye wodze klo tsyɔ mo anyi. Samuel bia Saul be, “Nu ka ta nèɖe fu nam heyɔm vɛ?” Saul ɖo eŋu be, “Elabena meɖo xaxa gã aɖe me. Filistitɔwo gaho aʋa ɖe mía ŋu, ke Mawu gblẽm ɖi eye meɖo nya aɖeke ŋu to nyagblɔɖilawo dzi loo alo to drɔ̃ekuku me o. Eya ta meva yɔ wò be nàgblɔ nu si mawɔ la nam.” Samuel ɖo eŋu be, “Nu ka ta nàbiam esi Yehowa gblẽ wò ɖi eye wòzu wò futɔ? Yehowa wɔ nya si wògblɔ ɖi to dzinye la dzi. Yehowa vuvu fiaɖuƒe la le asiwò me eye wòtsɔe na hawòviwo dometɔ ɖeka, David. Esiawo katã va dziwò elabena mèwɔ Yehowa ƒe ɖoɖowo dzi esi wòdo dɔmedzoe kaɖikaɖi ɖe Amalekitɔwo ŋu o. Yehowa atsɔ wò kple Israel blibo la ade asi na Filistitɔwo eye etsɔ la wò kple viwò ŋutsuwo miava nɔ gbɔnye le afii. Yehowa atsɔ Israel ƒe aʋakɔ la hã ade asi na Filistitɔwo.” Saul mlɔ anyigba hedra ɖe anyigba azɔ, ʋaʋã meganɔ eŋu o, le Samuel ƒe nyawo ta. Dɔwuame hã na ŋusẽ vɔ le eŋu elabena meɖu naneke ŋkeke blibo la o. Esi ŋɔliyɔla la kpɔ ale si vɔvɔ̃ ɖoe la egblɔ be, “Amegã, metsɔ nye agbe ke eye mewɔ wò ɖoɖo dzi. Azɔ la, nu si magblɔe nye be nàna mana nane wò nàɖu, ale be ŋusẽ naɖo ŋuwò hena wò mɔzɔzɔ yi wò nɔƒe.” Ke Saul be, “Nyemaɖu o.” Eŋumewo ɖe kuku nɛ kpe ɖe ŋɔliyɔla la ŋu va se ɖe esime wòlɔ̃. Efɔ azɔ eye wònɔ abati dzi. Nyivi dami aɖe nɔ nyɔnu la si, eɖe abla wui, tsɔ amɔ maʋamaʋã wɔ abolo eye wòtsɔ nuɖuɖu la vɛ na fia la kple eŋumewo woɖu eye wodzo le zã la me. Akis ɖo David ɖe Ziklag Azɔ la, Filistitɔwo ƒe aʋakɔ kpe ta ɖe Afek eye Israelviwo ƒe aʋakɔ ƒu asaɖa anyi ɖe vudoawo gbɔ le Yezreel. Esime Filistitɔwo ƒe aʋakplɔlawo nɔ woƒe aʋalɔgowo kplɔm va yina la, David kple eƒe amewo nɔ wo megbe kple Fia Akis. Filistitɔwo ƒe aʋakplɔlawo bia be, “Nu ka wɔm Israelviwo le le afi sia?” Fia Akis gblɔ na wo be, “Ame siae nye David, Israel fia Saul ƒe subɔla ame si si le egbɔ. Ƒe aɖewo nye esi wòle gbɔnye eye nyemekpɔ vodada aɖeke le eŋu kpɔ tso esime wòva gbɔnye o.” Ke Filistitɔwo ƒe kplɔlawo do dɔmedzoe eye wogblɔ be, “Na woatrɔ adzo, womele aʋa yi ge kpli mí o. Woava trɔ le mía yome. Mɔ nyui aɖe li si dzi wòato awɔ ɖeka kple eƒe aƒetɔ, Saul, wu tɔtrɔ ɖe mía ŋu le aʋa la mea? Ame sia ŋue nyɔnuwo dzi ha le, le woƒe ɣeɖuɖuwo me be, “Saul wu akpe eye David wu akpewo!” Ale Fia Akis yɔ David kple eƒe amewo eye wògblɔ na wo be, “Metsɔ Yehowa ka atam be miawoe nye ame nyuitɔ siwo medo goe kpɔ eye mebu be miayi aʋa kpli mí ke nye aʋafiawo melɔ̃ ɖe edzi o. Meɖe kuku, migawɔ nu si ado dɔmedzoe na wo o, ke boŋ mitrɔ dzo kpoo!” David bia Akis be, “Nu ka mewɔ eye nu ka nèkpɔ le wò dɔla ŋu tso gbesigbe meva gbɔwò va se ɖe egbe, si na be miawɔm ale? Nu ka ta nyemekpɔ mɔ aɖawɔ aʋa kple nye aƒetɔ ƒe futɔwo o?” Akis metrɔ eƒe tameɖoɖo o. Egagblɔ be, “Le nye ɖeka gome la, èle abe mawudɔla ene, ke nye aʋafiawo le vɔvɔ̃m na wò kpekpe ɖe mía ŋu le aʋawɔwɔ me. Mifɔ ŋdi kanya eye miadzo ne agu dze ko.” Ale David kple eƒe amewo fɔ ŋdi kanya be yewoatrɔ ayi Filistitɔwo ƒe anyigba dzi eye Filistitɔwo hã dzo yi Yezreel. David tsrɔ̃ Amelekitɔwo Le ŋkeke etɔ̃ megbe esi David kple eƒe amewo ɖo wo nɔƒe le Ziklag du la me la, wokpɔ be Amalekitɔwo va ha du la, tɔ dzoe wòbi keŋkeŋkeŋ eye wokplɔ woƒe nyɔnuwo kple wo viwo dzoe. Esi David kple eƒe amewo kpɔ du la ƒe gbagbã kple nu si dzɔ ɖe wo srɔ̃wo kple wo viwo dzi la, wofa avi va se ɖe esime avifafa glo wo. David srɔ̃ eveawo, Ahinoam tso Yezreel kple Abigail, Nabal ƒe ahosi, tso Karmel hã, nɔ ame siwo wokplɔ dzoe la dome. Nyadzɔdzɔ sia te ɖe David dzi ŋutɔ, vevietɔ esi David ƒe amewo nɔ nu xam le wo viwo ta la, wode asi gbɔgblɔ me be yewoawui. Ke David tsɔ Yehowa eƒe Mawu do ŋusẽ eɖokui. David gblɔ na nunɔla Abiata, Ahimelek ƒe vi be wòatsɔ eƒe kɔmewu la vɛ eye Abiata wɔ ɖe edzi. David bia Yehowa be, “Mati wo yomea? Mate ŋu alé woa?” Yehowa gblɔ nɛ be, “Ɛ̃, dze wo yome; àxɔ miaƒe nu sia nu si wotsɔ dzoe la le wo si!” David kple eƒe ame alafa adeawo (600) va ɖo Besor tɔʋu la to, afi si ame aɖewo tsi elabena ɖeɖi te ame alafa eve ŋu ale gbegbe be womate ŋu atso tɔʋu la o. Ke David kple ame alafa ene yi Amalekitɔwo yometiti dzi. Wokpɔ Egipte ŋutsu aɖe le gbe me eye wokplɔe vɛ na David. Wona nui wòɖu eye wona tsii wòno. Wotsɔ gbotsetsebolo eve kple waintsetse ƒuƒu eve nɛ. Esi wòɖu nu siawo la, egbɔ agbe elabena meɖu naneke alo no tsi ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃ o. David biae be. “Ame kae nènye eye afi ka nètso?” Ɖekakpui la ɖo eŋu be, “Egiptetɔe menye heganye Amalekitɔ aɖe ƒe subɔla. Nye aƒetɔ gblẽm ɖi egbee nye ŋkeke etɔ̃lia eye nye lãme gblẽ. Míede ɖaha Keretitɔwo ƒe dziehe kple Yuda ƒe anyigba kple Kaleb nyigba ƒe dziehe, míetɔ dzo Ziklag du la eye míetrɔ va yina.” David biae be, “Àte ŋu afia afi si woyi la mía?” Ɖekakpui la ɖo eŋu be, “Ne ètsɔ Mawu ƒe ŋkɔ ka atam nam be yemawum alo atsɔm ade asi na nye aƒetɔ o la, ekema makplɔ wò ayi wo gbɔe.” Ale ɖekakpui la kplɔ wo yi afi si Amalekitɔwo ƒu asaɖa anyi do. Wokaka ɖe gbedzi henɔ nu ɖum, nɔ nu nom eye wonɔ ɣe ɖum kple dzidzɔ le Filistitɔwo kple Yudatɔwo ƒe nu geɖe siwo wokpɔ ha la ta. David kple eƒe amewo dze wo dzi eye wowu wo katã le zã ma me kple ŋufɔke. Wowu ame sia ame negbe ɖekakpui alafa ene siwo do kposɔwo la koe te ŋu si. David xɔ nu sia nu si Amalekitɔwo ha. Exɔ srɔ̃a eveawo hã. Naneke mebu o; woxɔ ɖevi kple tsitsi, ŋutsuvi kple nyɔnuvi kple nu sia nu si woha. Ale David xɔ nu sia nu gbɔe. David ƒe amewo kplɔ Amalekitɔwo ƒe lãhawo dzoe eye wogblɔ na David be, “Esiawo katã nye wò ŋutɔ tɔ abe wò fetu ene.” Esi wova ɖo Besor tɔʋu la to la, wodo go woƒe ame alafa eve siwo ŋu ɖeɖi te ale gbegbe be womete ŋu tso tɔʋu la yi kpli wo o. David do gbe na wo dzidzɔtɔe. Ke gbevu aɖewo nɔ ame siwo de ɖawɔ aʋa la dome gblɔ be, “Ame siawo mede aʋa la kpli mí o eya ta womaxɔ afunyinuwo dometɔ aɖeke o. Ɖe asi le wo srɔ̃wo kple wo viwo ŋu na wo eye nàna woadzo.” Ke David gblɔ be, “Ao, nɔvinyewo, manyo nenema o! Yehowa na míele dedie eye míeɖu míaƒe futɔwo dzi. Ame kae alɔ̃ ɖe nya si gblɔm miele la dzi? Míama nuawo eye míama wo sɔsɔe, na ame siwo wɔ aʋa la kple ame siwo dzɔ míaƒe nuwo ŋu.” Tso gbe ma gbe dzi la, David wɔ numama alea wònye se kple kɔnu na Israelviwo katã va se ɖe egbe. Esi wova ɖo Ziklag la, David ɖo afunyinu siwo woha la ƒe akpa aɖe ɖe Yuda ƒe ametsitsiwo. Eŋlɔ agbalẽ kpe ɖe eŋu be, “Esiawo nye nunana siwo mele ɖoɖom ɖe mi tso afunyinu siwo mekpɔ tso Yehowa ƒe futɔwo gbɔ la me.” Woɖo nunanawo ɖe ametsitsiwo tso du siawo me: Betel, Dziehe Ramot, Yatir, Aroer, Sifmɔt, Estemoa, Rakal, Yerameeltɔwo ƒe duwo, Kenitɔwo ƒe duwo, Horma, Bor Asan, Atak, kple Hebron. Eɖo nunana ɖe teƒe siwo eya kple eƒe amewo de. Saul kple Via ŋutsu etɔ̃awo tsi aʋa Le ɣeyiɣi sia me la, Filistitɔwo dze aʋa la wɔwɔ gɔme kple Israelviwo eye Israelviwo si le wo nu. Wowu Israelvi geɖewo le Gilboa to dzi. Filistitɔwo ɖe Saul kple viawo ɖe nu eye wowu viawo; Yonatan, Abinadab kple Malki Sua. Aʋa la nu sẽ ŋutɔ na Saul eye esi aŋutrɔdalawo tui la wode abi eŋu vevie. Saul gblɔ na eƒe akpoxɔnutsɔla be, “Ɖe wò yi ɖe go nàƒoe ɖem, ne menye nenem o la, Filistitɔ, aʋamatsomatsoetɔ siawo ava wum eye woado vlom.” Ke vɔvɔ̃ ɖo eƒe akpoxɔnutsɔla la ŋutɔ eye melɔ̃ be yeawɔ Saul ƒe gbe dzi o. Eya ta Saul tsɔ eya ŋutɔ ƒe yi hedze enu. Esi akpoxɔnutsɔla la kpɔ be Saul ku la, eya hã mu dze eƒe yi nu eye wòku kplii. Ale Saul, eƒe akpoxɔnutsɔla, Via ŋutsu etɔ̃awo kple eƒe aʋawɔlawo ku le ŋkeke ɖeka ma dzi. Esi Israelvi siwo le balime la godo kple esiwo le Yɔdan tɔsisi la godo se be yewo nɔviwo si eye wowu Saul kple via ŋutsuawo la, wosi le woƒe duwo me eye Filistitɔwo va nɔ duawo me. Esi ŋu ke eye Filistitɔwo yi be woaɖe nuwo le Israel ƒe ame kukuwo ŋu la, wokpɔ Saul kple Via ŋutsu etɔ̃awo ƒe kukuawo le Gilboa to la dzi. Woɖe Saul ƒe aʋawu le eŋu, tso ta le enu eye wotsɔ eƒe ta kple aʋawɔnu fia amewo le woƒe anyigba dzi godoo. Wotso aseye le dzidzɔnya sia ŋuti le woƒe legbawo kple dukɔmetɔwo ŋkume. Wotsɔ Saul ƒe akpoxɔnu la da ɖe Astarɔt ƒe gbedoxɔ me eye wotsɔ eƒe ŋutilã ku gli aɖe ŋu le Bet Sean. Esi Yabes Gileadtɔwo se nu si Filistitɔwo wɔ Saul la, aʋawɔlawo katã tso du ma me zɔ mɔ to zã blibo la me yi Bet Sean. Woɖe Saul kple viawo ƒe ŋutilã kukuawo le glia ŋu le Bet Sam eye wotsɔ wo va Yabes Gilead hetɔ dzo wo. Woɖi woƒe afi ɖe logoti la te le Yabes eye wotsi nu dɔ ŋkeke adre.