- Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020
Petro 1
Petro ƒe agbalẽ gbãtɔ
Petro 1
Pe1
Petro
ƒe agbalẽ gbãtɔ
Nye, Petro, Yesu Kristo ƒe apostolo gbɔe agbalẽ sia tso,
Na Mawu ƒe ame tiatia siwo nye amedzrowo le xexea me, ame siwo kaka ɖe Ponto, Galatia, Kapadokia, Asia kple Bitinia nutowo me, ame siwo wotia le Mawu, Fofo la ƒe nunya nu, to Gbɔgbɔ la ƒe ŋutikɔklɔ ƒe dɔwɔwɔ me, hena toɖoɖo Yesu Kristo kple eƒe ʋuhehlẽ la me.
Amenuveve kple ŋutifafa nanye mia tɔ le agbɔsɔsɔ me.
Woakafu Mawu le mɔkpɔkpɔ gbagbe ta
Woakafu Mawu, ame si nye míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo! Le eƒe nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ta wòna gbugbɔdzi mí ɖe mɔkpɔkpɔ gbagbe me, to Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome me. Eye wòtsɔ domenyinu si magblẽ o, si malũ xɛ alo aklo o la na mí, domenyinu si wodzra ɖo ɖe dziƒo na mi, ame siwo ŋu wotɔ kpɔ ɖo kple Mawu ƒe akpoxɔnu, to xɔse me va se ɖe esime woaɖe ɖeɖe si wodzra ɖo na nuwuwuɣeyiɣiwo la afia. Togbɔ be fifia la, ele na mi be miaxa nu le dodokpɔ ƒomevi geɖewo me hena ɣeyiɣi ʋɛ aɖewo hã la, miele dzidzɔ manyagblɔ kpɔm le mɔkpɔkpɔ sia ta. Esiawo va mia dzi ale be miaƒe xɔse si xɔ asi wu sika si gblẽna, evɔ wololõe le dzo me hafi, be woakpɔ miaƒe xɔse be enye nyateƒetɔ, ale wòahe kafukafu, ŋutikɔkɔe kple bubu vɛ, ne woɖe Yesu Kristo fia. Togbɔ be miekpɔe kpɔ o hã la, mielɔ̃e, eye togbɔ be miele ekpɔm fifia o hã la, miexɔ edzi se, eye dzidzɔ manyagblɔ si ŋuti ŋutikɔkɔe le la yɔ mia me fũu, elabena miele miaƒe xɔse ƒe taɖodzinu si nye miaƒe luʋɔwo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ la xɔm.
Ɖeɖe sia tae Mawu ƒe nyagblɔɖila siwo ƒo nu tso amenuveve si le mia dzi va ge ŋuti la ku nu gɔme vevie kple beléle tɔxɛ, hedze agbagba be yewoanya ɣeyiɣi kple nudzɔdzɔ si Kristo ƒe Gbɔgbɔ si le wo me la le asi fiam, esi wògblɔ nya ɖi tso Mesia la ƒe fukpekpewo kple ŋutikɔkɔe si akplɔe ɖo la ŋuti. Woɖee fia wo be menye woawo ŋutɔ ɖokuiwo subɔm wole o, ke boŋ miawoe, esi woƒo nu le nu siwo wogblɔ na mi azɔ la ŋuti, to ame siwo gblɔ nyanyui la na mi, to Gbɔgbɔ Kɔkɔe si wodɔ ɖo ɖa tso dziƒo la dzi. Mawudɔlawo gɔ̃ hã di vevie be yewoakpɔ nu siawo.
Woyɔ mí be míanɔ kɔkɔe
Eya ta midzra miaƒe tamesusuwo ɖo hena afɔɖeɖe, miɖu mia ɖokuiwo dzi, mitsɔ miaƒe mɔkpɔkpɔ katã da ɖe amenuveve si woana mi ne woɖe Yesu Kristo fia la dzi. Abe vi ɖotowo ene la, migadze ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃ siwo nɔ mia me, esi mienɔ agbe le numanyamanya me la yome o, ke boŋ abe ale si ame si yɔ mi la le kɔkɔe ene la, miawo hã minɔ kɔkɔe le nu sia nu si miewɔna la me, elabena woŋlɔ ɖi be, “Minɔ kɔkɔe elabena nye la mele kɔkɔe.”
Esi mieyɔa Fofo si drɔ̃a ʋɔnu ame sia ame ƒe dɔ ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe la, minɔ agbe abe amedzrowo ene le afi sia le vɔvɔ̃ kɔkɔe me. Elabena mienya bena menye sika kple klosalo si gblẽna lae wotsɔ xe fe ɖe mia ta heɖe mi tso agbe vlo si mia fofowo gblẽ ɖi na mi la me o, ke boŋ kple Kristo ƒe ʋu xɔasi, ame si nye alẽvi si ŋuti mokaka kple kpɔtsɔtsɔ mele o. Wotiae hafi wova wɔ xexea me, gake woɖee fia le ɣeyiɣi mamlɛtɔ siawo me le mia ta. To eya amea dzi la, miexɔ Mawu dzi se, ame si fɔe tso ame kukuwo dome, hetsɔ ŋutikɔkɔe ɖɔ nɛ, ale miaƒe xɔse kple mɔkpɔkpɔ le Mawu me.
Azɔ esi miekɔ mia ɖokuiwo ŋu to toɖoɖo nyateƒe la me be lɔlɔ̃ si me alakpa mele o la nanɔ mia si na mia nɔviwo ŋuti la, milɔ̃ mia nɔewo vevie tso dzi me ke. Elabena wogbugbɔ mi gadzi, menye tso ku gbegblẽ me o, ke boŋ tso ku magblẽmagblẽ me, to Mawu ƒe nya si le agbe, eye wònɔa anyi tegbetegbe la me. Elabena,
“Amegbetɔwo katã le abe gbe ene,
eye woƒe atsyɔ̃ le abe seƒoƒo le gbe me ene,
gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna, gena,
ke Aƒetɔ la ƒe nya la nɔa anyi yi ɖe mavɔ me.”
Ke esiae nye nya si wogblɔ na mi la.
Eya ta miɖe vɔ̃ɖoɖo ɖe ame ŋu kple beble katã ɖa le mia ɖokuiwo ŋu, nenema kee nye alakpanuwɔwɔ, ŋubiabiã kple ameŋugbegblẽ ƒomevi ɖe sia ɖe hã. Eye abe vidzĩwo ene la, midi gbɔgbɔmenotsi tsimatɔ vevie, ale be to esia me la, miatsi le miaƒe ɖeɖe la me azɔ esi mieɖɔe kpɔ, henya be Aƒetɔ la nyo.
Kpe gbagbe kple dukɔ tiatia
Kristo gbɔe mieva, ame si nye Mawu ƒe gbedoxɔ la ƒe dzogoedzikpe gbagbe. Amewo gbee, gake Mawu tiae hede bubu gã aɖe eŋu. Ke miawo hã, abe kpe gbagbewo ene la, wotsɔ mi le gbɔgbɔmegbedoxɔ tum. Gawu la, mienye eƒe nunɔla kɔkɔewo, ame siwo asa gbɔgbɔmevɔ siwo dze Mawu ŋu la to Yesu Kristo ƒe avuléle dzi. Elabena wogblɔ le mawunya me be,
“Kpɔ ɖa mele kpe aɖe ɖom ɖe Zion,
dzogoedzikpe si wotia, eye asixɔxɔ le eŋu,
ame si atsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ ada ɖe edzi la,
ŋu mele ekpe ge akpɔ gbeɖe o.”
Azɔ la, hena mi ame siwo xɔe se la, kpe sia nye kpe xɔasi na mi. Ke na ame siwo mexɔe se o la,
“Kpe si xɔtulawo gbe la,
eyae va zu dzogoedzikpe,”
kpe,
“Si nana amewo klia nu,
eye wònye agakpe si nana wodzea anyi,”
Woklia nu, elabena wogbe toɖoɖo nyanyui la, esi hã nye nu si woɖo wo ɖi na.
Ke miawo la, mienye ame tiatiawo, fia la ƒe nunɔlawo, dukɔ kɔkɔe, ame siwo nye Mawu ŋutɔ tɔ, be miaɖe gbeƒã ame si yɔ mi tso viviti me va eƒe nukukekeli me la ƒe kafukafu. Tsã la, mienye dukɔ o, ke azɔ la, miezu Mawu ƒe dukɔ. Tsã la, womekpɔ nublanui na mi o, ke azɔ la, wokpɔ nublanui na mi.
Nɔvi veviwo, mele eƒom ɖe mia nu be abe amedzrowo kple mɔzɔlawo le xexea me ene la, be mite ɖa xaa tso ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃ siwo wɔa aʋa kple miaƒe luʋɔ la gbɔ. Minɔ agbe dzadzɛ le ame siwo menye Yudatɔwo o la dome, ale be togbɔ be wotsoa mia nu be miewɔ vɔ̃ hã la, woakpɔ miaƒe dɔ nyuiwo, eye woakafu Mawu le ŋkeke si dzi wòava asrã mí akpɔ.
Toɖoɖo dziɖulawo kple aƒetɔwo
Le Aƒetɔ la ta la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na dziɖuɖu si woɖo anyi ɖe amegbetɔwo dome, eɖanye fia la, abe ŋusẽtɔ kɔkɔtɔ kekeake ene, alo mɔmefia siwo woɖo ɖa be woahe to na nu gbegblẽ wɔlawo, eye woakafu nu nyui wɔlawo o. Elabena Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wònye be to nu nyui wɔwɔ me la, miatsi bometsilawo ƒe numanyamanya ƒe nuƒowo nu. Minɔ agbe abe ablɔɖeviwo ene, gake migawɔ miaƒe ablɔɖe la ŋu dɔ abe mɔɖeɖe na nu vɔ̃ wɔwɔ ene o; minɔ agbe abe Mawu ƒe dɔlawo ene. Mide bubu ame sia ame ŋu, milɔ̃ hadede kple xɔsetɔwo, mivɔ̃ Mawu, eye mide bubu fia la ŋu.
Mi kluviwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na miaƒe aƒetɔwo le bubudede ame ŋu blibo me, menye na esiwo nyo, eye wobua mia ŋuti ɖeɖe ko o, ke boŋ na esiwo nye ŋutasẽlawo hã. Elabena enye nu dzeame ne ame aɖe se veve, gake hedo dzi kpe fu si medze na hafi o, le esi wònya Mawu ta. Gake viɖe ka wòanye na mi ne woƒo mi ɖe vɔ̃ si miewɔ la ta, eye miedo dzi? Ke ne miekpe fu le nyuiwɔwɔ ta, eye miedo dzi la, enye nu dzeame le Mawu gbɔ. Esia ta woyɔ mi vɛ ɖo, elabena Kristo kpe fu ɖe mia ta, eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, be miadze eyome.
“Elabena mewɔ vɔ̃ aɖeke o,
eye womekpɔ alakpa aɖeke le eƒe nu me o.”
Esi wodzui la, meɖo eŋu o, esi wòkpe fu la, meƒo fi de ame o, ke boŋ etsɔ eɖokui de asi na ame si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe. Ke eya ŋutɔ tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ɖe eƒe ŋutilã me le ati ŋuti, ale be míaku na nu vɔ̃, eye míanɔ agbe na dzɔdzɔenyenye, eye to eƒe abi si wòxɔ me la, míekpɔ dɔyɔyɔ. Elabena mienɔ abe alẽ siwo tra mɔ la ene, ke azɔ la, mietrɔ gbɔ va Alẽkplɔla la kple miaƒe luʋɔwo dzi kpɔla la gbɔ.
Srɔ̃nyɔnuwo kple srɔ̃ŋutsuwo
Nenema ke mi srɔ̃nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na mia srɔ̃wo ale be ne wo dometɔ aɖewo mexɔ nya la dzi se o la, to wo srɔ̃nyɔnuwo ƒe agbe ɖɔʋu nɔnɔ me la, woakpɔ ɖeɖe, nya aɖeke magblɔmagblɔ na woe, ne wokpɔ dzadzɛnyenye kple bubu si le woƒe agbe me. Miaƒe tugbedzedze megatso gota gome lekewɔwɔ me, abe ɖa ŋɔŋɔe ƒoƒo, sikanuwo dodo kple avɔ xɔasiwo tata me ene o, ke boŋ miaƒe tugbedzedze nanye ememetɔ, tugbedzedze malũxɛ si nye tufafa kple bɔbɔenyenye ƒe gbɔgbɔ si xɔ asi le Mawu ƒe ŋkume ŋutɔ. Elabena aleae nyɔnu kɔkɔe, siwo nɔ anyi le blema, esiwo tsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe Mawu dzi la wɔa leke na wo ɖokuiwoe. Wobɔbɔ wo ɖokuiwo na wo srɔ̃wo abe ale si Sara bɔbɔ eɖokui na Abraham, eye wòyɔe be aƒetɔ la ene. Mienye via nyɔnuwo ne miewɔ nu dzɔdzɔe, eye mieɖe mɔ na vɔvɔ̃ o.
Nenema ke, mi srɔ̃ŋutsuwo hã minɔ anyi kple mia srɔ̃wo le nunya me, mide bubu wo ŋu, elabena wonye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo, eye wonye domenyilawo kpli mi le amenuveve nunana si nye agbe si wona mi, ale be naneke maxe mɔ na miaƒe gbedodoɖawo o.
Fukpekpe ɖe nu nyui wɔwɔ ta
Mlɔeba la, mi katã minɔ anyi kple mia nɔewo le ɖekawɔwɔ me, ame ƒe nu newɔ nublanui na mi, milɔ̃ mia nɔewo abe dadaviwo ene, minyo dɔ me na amewo, eye mibɔbɔ mia ɖokui. Migatsɔ vɔ̃ ɖo vɔ̃ teƒe alo dzu ɖo dzu teƒe o, ke boŋ miɖo teƒe na wo kple yayra, elabena esia ta woyɔ mi vɛ ɖo be mianyi yayra ƒe dome. Elabena,
“Ame si lɔ̃ agbe, eye wòdi be yeakpɔ ŋkekenyuiwo la,
nelé eƒe aɖe be magblɔ nya vɔ̃ aɖeke o,
kple eƒe nu, be magblɔ beblenya aɖeke o.
Ele nɛ be wòaɖe asi le vɔ̃ ŋu, awɔ nyui,
eye wòadi ŋutifafa, ati eyome.
Elabena Aƒetɔ la ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu,
eye eƒe towo le te ɖe woƒe gbedodoɖa ŋu,
ke Aƒetɔ la tsia tsitre ɖe ame siwo wɔa nu vɔ̃ la ŋuti.”
Ame kae awɔ nu vevi mi, ne mietsi dzi ɖe nu nyui wɔwɔ ŋu? Ke ne miekpe fu le nu nyui wɔwɔ me gɔ̃ hã la, woayra mi. “Migavɔ̃ nu si vɔ̃m wole o; dzidzi hã megaƒo mi o.” Ke le miaƒe dziwo me la, mina nɔƒe tɔxɛ Kristo abe Aƒetɔ kɔkɔe ene. Minɔ klalo ɣe sia ɣi be miaɖo nya ŋu na ame sia ame si abia mi be miagblɔ nu si ta mɔkpɔkpɔ sia le mia si ɖo. Ke miaƒe dzitsinya me nakɔ keŋkeŋ, ale be ame siwo ƒoa nu vlo le mia ŋuti le agbe nyui si nɔm miele le Kristo me ta la naɖu ŋukpe le woƒe ameŋugblẽnyawo ta. Ne enye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, enyo be woakpe fu le nu nyui wɔwɔ ta wu ɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ta, elabena Kristo ku ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta zi ɖeka hena ɣeyiɣiwo katã. Mewɔ nu vɔ̃ aɖeke kpɔ o, gake eku ɖe nu vɔ̃ wɔlawo ta be wòakplɔ mi va Mawu gbɔe dedie. Wowui le ŋutilã me, ke wogbɔ agbee le Gbɔgbɔ me, Eto edzi yi ɖagblɔ mawunya na gbɔgbɔ siwo le gaxɔ me, ame siwo sẽ to le blema, le esime Mawu lala le dzigbɔɖi blibo me, le Noa ƒe ɣeyiɣiwo me, esi wònɔ aɖakaʋu la kpam. Ame ʋɛ aɖewo, ame siwo ƒe xexlẽme nye enyi ko woɖe le tsiɖɔɖɔ la me. Ke tsiɖɔɖɔ la nye mawutsideta si miexɔ hena ɖeɖekpɔkpɔ ƒe dzesi, ke menye ɖikɔklɔ le ŋutigbalẽ ŋu wònye o, ke boŋ adzɔgbeɖeɖe be woatsɔ dzitsinya nyui atrɔ ɖe Mawu ŋu. Mawu sia ɖe mi to Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi me, ame si yi ɖe dziƒo, ɖanɔ Mawu ƒe nuɖusime, eye mawudɔlawo, dziɖulawo kple ŋusẽwo bɔbɔ wo ɖokui nɛ.
Agbenɔnɔ na Mawu
Eya ta esi Kristo kpe fu le eƒe ŋutilã me ta la, miawo hã mitsɔ nɔnɔme ma ke bla miaƒe aliwo dzii, elabena ame si kpe fu le eƒe ŋutilã me la, klã ɖa tso nu vɔ̃ gbɔ, Le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me le anyigba dzi la, menɔ agbe le ŋutilã ƒe nudzodzrowo nu o, ke boŋ ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu. Tsã la, miegblẽ ɣeyiɣi geɖe le nu siwo trɔ̃subɔlawo wɔna la me, esiwo nye ahiãwɔwɔ, nudzodzro vɔ̃wo, ahatsunono, nuɖuɖu vivivo, aglotutu vɔ̃wo kple trɔ̃subɔsubɔ ŋunyɔtɔ. Ewɔ moya na wo be miedo ɖi ɖe ŋunyɔnu ƒe tɔɖɔɖɔ sia me kpli wo o, eya ta woli kɔ dzu ɖe mia dzi gleglegle. Ke hã la, ele na wo be woana akɔnta ame si le klalo be yeadrɔ̃ ʋɔnu agbagbeawo kple kukuawo. Susu sia ta wogblɔ nyanyui la na ame siwo ku va yi xoxo la hã, ale be togbɔ be le woƒe agbenɔnɔ le anyigba dzi me woto ʋɔnudɔdrɔ̃ si me amegbetɔ ɖe sia ɖe tona hã la, woate ŋu ava Mawu ƒe agbe la gbɔ le gbɔgbɔ me.
Nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ, eya ta minɔ mo xexi, eye miɖu mia ɖokui dzi, ale be miate ŋu ado gbe ɖa. Ƒo nuwo katã ta la, milɔ̃ mia nɔewo vevie, elabena lɔlɔ̃ tsyɔa nu vɔ̃ ƒe agbɔsɔsɔ dzi. Mixɔ mia nɔewo ɖe miaƒe aƒewo me liʋĩliʋĩlilĩmanɔmee. Mia dometɔ ɖe sia ɖe natsɔ eƒe gbɔgbɔmenunana asubɔ ame bubuwoe; abe subɔvi nyuiwo ene la, mima Mawu ƒe amenuveve la anukwaretɔe le mɔ vovovowo nu. Ne ame aɖe le nu ƒom la, neƒoe abe Mawu gbɔ nyawo tso ene. Ne ame aɖe le subɔsubɔm la, newɔe kple ŋusẽ si Mawu nae la katã, ale be le nuwo katã me la, woakafu Mawu to Yesu Kristo dzi. Eya tɔe nye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen.
Fukpekpe ɖe kristotɔnyenye ta
Nɔvi veviwo, migana fuwɔame ƒe dodokpɔ si me tom miele la nawɔ nuku na mi abe nane si medzɔ kpɔ o lae le mia dzi vam ene o. Ke mikpɔ dzidzɔ be mienye fukpekpe siwo me Kristo to la ƒe gomekpɔlawo, ale be miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nagbã go ne wòɖe eƒe Ŋutikɔkɔefia. Ne wodzu mi le Kristo ƒe ŋkɔ ta la, woayra mi, elabena ŋutikɔkɔe ƒe Gbɔgbɔ si nye Mawu ƒe Gbɔgbɔ la le mia dzi. Ne miekpe fu la, migakpee abe hlɔ̃dola, fiafitɔ alo nu tovo wɔla aɖe loo, alo ame si dea nu ame bubuwo ƒe nya me la ene o. Gake ne mia dometɔ aɖe akpe fu, elabena enye kristotɔ la, ŋu megakpee o, ke boŋ neda akpe na Mawu be woyɔ ŋkɔ sia ɖe eŋu. Elabena ɣeyiɣi de be ʋɔnudɔdrɔ̃ nadze egɔme tso Mawu ƒe ƒomea me; ke ne edze gɔme tso mía dzi la, ekema aleke woahanɔ na ame siwo meɖo to Mawu ƒe nyanyui la o? Eye,
“Nenye be bebli hafi ame dzɔdzɔe nakpɔ ɖeɖe la,
ekema aleke wòanɔ na mawumavɔ̃lawo kple nu vɔ̃ wɔlawo?”
Eya ta ame siwo kpea fu le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu la netsɔ wo ɖokuiwo de asi na wo Wɔla nuteƒetɔwɔla la, eye woayi nu nyui wɔwɔ dzi.
Na ame tsitsiwo kple ɖekakpuiwo
Nye, ame si nye hamemegã, Kristo ƒe fukpekpewo ƒe ɖaseɖila kple ame si hã akpɔ gome le ŋutikɔkɔe si woaɖe afia la me la le edom ɖe hamemegã siwo le mia dome la gbɔ be mianye Mawu ƒe alẽha si wòtsɔ de miaƒe dzikpɔkpɔ te la ƒe kplɔlawo, mikpɔ wo ta, eye menye abe dɔdeasi ko ene o, ke boŋ kple dzidzɔ kple lɔlɔ̃nu nyui, abe ale si Mawu di tso mia si be miawɔ ene. Menye kple ŋukeklẽ ɖe ga ŋuti o, ke boŋ kple subɔsubɔ ƒe didi nyui, be miagaɖu tɔ ɖe hame si dzikpɔlawo woɖo mi la dzi o, ke boŋ mianye kpɔɖeŋu na alẽha la. Ekema ne Alẽkplɔlagã la ado la, miaxɔ ŋutikɔkɔefiakuku si ƒe keklẽ maklo akpɔ gbeɖe o.
Nenema ke, mi ɖekakpuiwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na ame tsitsiwo. Mido ɖokuibɔbɔ abe awu ene na mia ɖokuiwo, ale be miate ŋu asubɔ mia nɔewo, elabena,
“Mawu tsia tsitre ɖe dadalawo ŋu,
ke evea ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo la nu.”
Eya ta azɔ la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo ɖe Mawu ƒe asi sesẽ la te, be ne ɣeyiɣi si wòɖo la de la, wòakɔ mi ɖe dzi. Mitsɔ miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã da ɖe eya amea dzi, elabena eléa be na mi.
Miɖu mia ɖokuiwo dzi, eye minɔ ŋudzɔ. Miaƒe futɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata si le gbe tem, le nu dim ne wòavuvu la ene. Minɔ te ɖe enu, minɔ tsitre sesĩe le xɔse la me, elabena mienyae be mia nɔvi siwo le xexea me godoo la le fukpekpe mawo ke me tom.
Amenuveve katã ƒe Mawu la, ame si yɔ mi va eƒe ŋutikɔkɔe mavɔ la gbɔ le Kristo me, le fukpekpe sue aɖe ko megbe la, ŋutɔ aɖo mi te, ado ŋusẽ mi, ali ke mi, eye wòaɖo mia gɔme anyi. Eya tɔ nanye ŋusẽ tso mavɔ me, yi mavɔ me. Amen.
Nuwunyawo kple gbedonamewo
Meŋlɔ nu kpui sia ɖo ɖe mi to nɔvi Silvano, ame si mebu nɔvi nuteƒewɔla la ƒe kpekpeɖeŋu me, le ŋusẽ dom mi kple ɖaseɖiɖi be esiae nye Mawu ƒe amenuveve nyateƒetɔ la. Minɔ te sesĩe le eme.
Mia nɔvi si nye hame si le Babilonia, si wotia kpe ɖe mia ŋu la do gbe na mi vevie. Nenema ke, vinye Marko hã do gbe na mi nyuie.
Mitsɔ lɔlɔ̃ do gbe na mia nɔewo abe Kristotɔ vavãwo ene.
Ŋutifafa na mi ame siwo katã le Kristo me.