- Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020 Korintotɔwo 1 Paulo ƒe agbalẽ gbãtɔ si wòŋlɔ na Korintotɔwo Korintotɔwo 1 Ko1 Paulo ƒe agbalẽ gbãtɔ si wòŋlɔ na Korintotɔwo Nye, Paulo, Yesu Kristo ƒe apostolo, si woyɔ to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me la kple nɔvi, xɔsetɔ Sostene gbɔe agbalẽ sia tso, Na Mawu ƒe hame si le Korinto, ame siwo ŋu wokɔ le Kristo Yesu me, eye woyɔ wo be woanɔ kɔkɔe la kple ame siwo katã le xexea me godoo siwo xɔ míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔa dzi se abe woƒe Aƒetɔ ene. Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la nanɔ kpli mi. Akpedada Meda akpe na nye Mawu ɖaa ɖe mia ta le Mawu ƒe amenuveve si wòna mi le Kristo Yesu me la ta. Ena be míegbã go le nu sia nu me le nuƒoƒo kple nunya siaa me, eye wòna woɖo kpe Kristo ƒe ɖaseɖiɖi dzi le mía me. Azɔ la, gbɔgbɔmenunana aɖeke matsi mia nu o, eye mianɔ lalam vevie na Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia la. Ana mianɔ tsitre sesĩe va se ɖe nuwuwu, eye woakpɔ mi mokakamanɔŋutɔwoe le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkeke la dzi. Mawu ame si yɔ mi be miabɔ ha kple via Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la, nuteƒewɔlae wònye. Mama le hamea me Nɔviwo, mele kuku ɖem na mi le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me be miadzudzɔ nyahehe vivivo le mia nɔewo dome. Mina nusɔsɔ blibo nanɔ mia me ale be mama kukluiwo nagava mia dome o. Meɖe kuku na mi be miawɔ ɖeka le susu kple ɖoɖowo wɔwɔ me. Nɔvinye lɔlɔ̃awo, mia nɔvi siwo le Kloe ƒe aƒe me la dometɔ aɖewo fi tofi nam be nyahehe kple dzre sɔŋ ko dzi miele. Mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be, “Nye la, Paulo tɔ menye”; bubu be, “Apoloe nye nye amegã”; ame aɖewo hã be, “Kefa ƒe ame menye”; Gawu la, ame aɖewo hã be, “Nye koe nye Kristo yomedzela vavã.” Miaƒe nuwɔna sia na wòle dzedzem abe ɖe Kristo ma ɖe akpa vovovowo me ene. Ke medi be mabia mi se be nye Paulo ye ku ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta hã? Alo wode mawutsi ta na mia dometɔ aɖe le nye ŋkɔ dzia? Edzɔ dzi nam ŋutɔ eye meda akpe na Mawu vevie be Krispo kple Gayo ɖeɖe koe nye ame siwo nye ŋutɔ mede mawutsi ta na le mia dome. Eya ta mia dometɔ aɖeke mate ŋu agblɔ be wode mawutsi ta na ye le nye ŋkɔ me o. (Ɛ̃, meɖo ŋku edzi be mede mawutsi ta na Stefano kple eƒe aƒemetɔwo hã. Le woawo megbe la, nyemegade mawutsi ta na ame bubu aɖeke kura o.) Yesu Kristo meɖom ɖa be mava de mawutsi ta na amewo o, ke boŋ be magblɔ nyanyui la. Ke hã la, nye nyagbɔgblɔ la meɖea kpe tututu o elabena ne mele mawunya gblɔm la, nyemeɖea ami ɖe nye nyawo o elabena nyemedi be matɔtɔ ŋusẽ blibo si le Yesu ƒe atitsogaŋunya la me kple amegbetɔwo ƒe nunya o. Kristo, Mawu ƒe nunya kple ŋusẽ Menya nyuie be, ne ame siwo le mɔ tram eye wole bubum la se be Yesu ku be yeaɖe wo la, aɖi bometsinya na wo. Ke nya sia nye Mawu ƒe ŋusẽ na mí ame siwo le ɖeɖe kpɔm elabena Mawu ŋutɔ gblɔ be, “Magblẽ nunyalawo ƒe nunya me; eye maɖe gɔmeselawo ƒe nugɔmesese ɖa.” Ekema afi ka nunyalawo le? Afi kae agbalẽnyalawo le? Afi kae xexe sia me ƒe anukutsyɔlawo le? Ɖe Mawu mewɔ xexe sia me nunya wòzu bometsitsi oa? Esi xexea me metsɔ eya ŋutɔ ƒe nunya dze si Mawu le Mawu ƒe nunya me o ŋuti la, edze Mawu ŋu be yeato gbeƒãɖeɖe bometsinya me axɔ ame siwo axɔ ase la. Yudatɔwo dia nukunu kple dzesiwo eye Grikitɔwo dia xexemenunya, ke míawo ya míeɖea gbeƒã Kristo, ame si woklã ɖe ati ŋuti, nu si nye nukikli na Yudatɔwo kple bometsinya na ame siwo menye Yudatɔwo o, ke hena ame siwo Mawu yɔ la, Yudatɔwo kple Grikitɔwo siaa la, Kristoe nye Mawu ƒe ŋusẽ kple nunya. Elabena Mawu ƒe bometsinya xɔ asi wu amewo ƒe nunya eye Mawu ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ sesẽ wu amewo ƒe ŋusẽ. Nɔviwo, ne mielé ŋku ɖe mia nɔewo dome la, miakpɔe be mí ame siwo le Kristo yome la, dometɔ ʋɛ aɖewo koe nye amegãwo alo ame ŋkutatɔwo. Ke Mawu tia xexemebometsinuwo be wòatsɔ ado ŋukpe nunyalawoe. Mawu tia xexemegbɔdzɔgbɔdzɔnuwo be woado ŋukpe nu sesẽwo. Mawu tia xexemenu maɖinuwo, nu siwo wodo ŋunyɔe kple nu siwo mele ɖeke me o, be wòatsɔ aɖi gbɔ nu si nye nanee, ale be ame aɖeke mate ŋu aƒo adegbe le eŋu le Mawu ƒe ŋkume o. Ke eya ŋutɔ gbɔ wòtso miele Yesu Kristo me, ame si zu nunya, dzɔdzɔenyenye, kɔkɔenyenye kple ɖeɖe si tso Mawu gbɔ la na mi. Eya ta abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, “Ne ame aɖe aƒo adegbe la, nèƒoe le nu si Aƒetɔ la wɔ la ko ŋu.” Mawu ƒe ɖoɖowo ɖia bometsinu na dzimaxɔsetɔwo Nɔviwo, esi meva mia gbɔ zi gbãtɔ heɖe gbeƒã Mawu ƒe nya na mi la, nyemewɔe kple aɖe ŋanɛ alo nunya kɔkɔ o, elabena meɖoe kplikpaa be nyemagblɔ nya boo aɖeke wu esi ku ɖe Aƒetɔ Yesu Kristo kple eƒe ku le atitsoga ŋuti la ŋu o. Meva mia gbɔ le ɖokuibɔbɔ gã aɖe me eye menɔ vɔvɔ̃m, henɔ dzodzom nyanyanya. Nyemeɖe ami ɖe nye mawunyagbɔgblɔ kura o, ke boŋ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋutɔ nɔ menye hedo ŋusẽ nye nyawo, ale be ame siwo se nyawo la dze sii be Mawu gbɔe wotso, ke menye xexemenunyala aɖeke ƒe nyawo wonye o. Mewɔ esia be miaƒe xɔse nali ke le Mawu ƒe ŋusẽ me, ke menye le amewo ƒe nunya nu o. Ke ne mele kristotɔ siwo de ŋgɔ le gbɔgbɔ me la dome la, meƒoa nu na wo kple nunya tɔxɛ. Ke hã la, nyemewɔa xexe sia me nunya ŋu dɔ o, eye nyemegblɔa nya siwo ƒomevi asɔ to me na ame ŋkuta siwo le xexea me, ame siwo le tsɔtsrɔ̃ ge abe ale si Mawu ɖoe anyi ene o. Nya siwo míegblɔna la tso Mawu ŋutɔ gbɔ, eya ta wonye nya siwo gɔmesese blibo li na, eye woɖe Mawu ƒe ɖoɖo tɔxɛ si wòwɔ be yeana míakpɔ dzidzɔ la fia. Togbɔ be wowɔ ɖoɖo sia da ɖi hena míaƒe viɖekpɔkpɔ hafi xexea me va dzɔ hã la, enɔ ɣaɣla ɖe mía tɔgbuiwo. Ke nublanuitɔe la, xexe sia me ƒe amegãwo mese ɖoɖoa gɔme o. Nenye ɖe wose egɔme la, anye ne womeklã Ŋutikɔkɔe ƒe Aƒetɔ la ɖe atitsoga ŋu o. Gake abe ale si woŋlɔe ɖe Mawu ƒe nya me ene be, “Nu si ame aɖeke mese kpɔ alo nu si ame, aɖeke mesusu ɖe ta me kpɔ gbeɖe o la,” eya tututue Mawu dzra ɖo ɖi na ame siwo lɔ̃a Aƒetɔ la. Gake míawo ya míenya nu le nu siawo ŋu elabena Mawu ɖo eƒe Gbɔgbɔ ɖe mí be wòaɖe nu ɣaɣla siawo afia mí eye eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzroa nu sia nu me tsitotsito heɖea Mawu ƒe nu ɣaɣlawo katã fiaa mí. Amegbetɔ aɖeke mate ŋu anya nu si le nɔvia ƒe ta me alo ame si ƒomevi tututu ame bubu aɖe nye o, ke amea ŋutɔ koe anya nu si le ta me nɛ. Nenema ke ame aɖeke mate ŋu anya Mawu ƒe susuwo o, negbe Mawu ƒe Gbɔgbɔ la ŋutɔ ko. Le nyateƒe me la, míawo la míexɔ xexeme ƒe gbɔgbɔ la o. Mawu tsɔ eya ŋutɔ ƒe Gbɔgbɔ na mí be wòaɖe Mawu ƒe dɔmenyo ƒe nunana gã si nye eƒe yayra kple amenuveve manyagblɔ la afia mí. Nya siwo tututu Mawu ƒe Gbɔgbɔ la gblɔ na mí la, woawoe míetsɔ ɖe nya me na mi le nunana siawo ŋu, ke menye nya siwo dze mía ŋutɔwo ŋue megblɔ na mi o. Ale míeƒoa nu kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ be míatsɔ aɖe eƒe nyawo me na mi. Eya ta ne Mawu ƒe Gbɔgbɔ mele ame aɖe me o la, mate ŋu ase Mawu ƒe nya siawo gɔme o, eye maxɔ wo dzi ase hã o. Nya siawo katã aɖi bometsinya le to me na ame sia tɔgbi elabena ame siwo me Mawu ƒe Gbɔgbɔ la le la koe ate ŋu ase nya si gblɔm Gbɔgbɔ la le la gɔme. Ke ame si me Gbɔgbɔ la le la sea nu sia nu me tsitotsito eye esia ɖea fu na xexea me tɔwo, ame siwo me Gbɔgbɔ la mele o, elabena woawo mate ŋu ase nu siawo gɔme o. “Ke ame kae nya Aƒetɔ la ƒe susu? Ame kae afia nui?” Ke míawo la, Kristo ƒe susu le mía si. Matsimatsi le xɔse me ƒe nuwɔnawo Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, nyemete ŋu ƒo nu na mi abe ame siwo tsi le Gbɔgbɔ me ene o, ke boŋ abe vidzĩwo, ame siwo mede ŋgɔ le kristotɔnyenye ƒe agbenɔnɔ me o eye wogale agbe le ŋutilã me abe ame siwo menye kristotɔwo o ene. Le esia ta nyemate ŋu ana nuɖuɖu sesẽ mi be miaɖu o, ke boŋ notsi ko mana mi elabena miaƒe dɔgbowo metsi atu nuɖuɖu sesẽ o. Va se ɖe fifia hã la, notsi ko wòle be mianɔ nonom elabena va se ɖe fifi hã la, miegale ko abe ɖeviwo ene le kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ me. Nu sia nu si dze mia ŋu lae miewɔna, ke menye ɖe Mawu ƒe didi dzi o. Nu si tututu fia be mieganye ɖeviwo ko lae nye ale si miema ɖe hatsotso vovovowo me, eye dzre, ŋuʋaʋã kple liʋĩliʋĩlilĩ sɔŋ xɔ aƒe ɖe mia me. Le nyateƒe me la, miaƒe nuwɔnawo dze ko abe ame siwo menya Aƒetɔ la kura o la tɔ ene. Mikpɔ ɖa, mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be, “Míawoe nye Paulo ƒe amewo,” bubuwo hã be, “Míawoe nye Apolo yomedzelawo,” ke ɖe miaƒe nuwɔna sia mesɔ kple ŋutilãmenɔnɔ tɔ oa? Ke ame ka tututue nye Apolo alo nye Paulo ŋutɔ, be mianɔ dzre wɔm ɖe mía ta? Mawu ƒe dɔla maɖinu siwo wòna ŋutete tɔxɛ aɖewo ko míenye eye to míaƒe dɔwɔwɔwo me la, miexɔ Mawu dzi se. Dɔ si Mawu de asi nam koe nye be mado nuku la ɖe miaƒe dziwo me, eye Apolo hã ƒe dɔe nye be wòade tsi nukuawo. Ke Mawu ŋutɔe na be nukuawo tsi, eye wotse ku le miaƒe dziwo me. Nukudola kple ame si de tsi nukuawo la ƒe dɔ mele vevie abe Mawu, ame si na be nukuawo tsi la tɔ ene o. Nye kple Apolo la, dɔ ɖeka ma ke ko wɔm míele. Taɖodzinu ɖeka koe le mía si, ke Mawu axe fe na mía dometɔ ɖe sia ɖe le ale si wòdo vevi ɖe eƒe dɔ ŋu la nu. Mawu ƒe hadɔwɔlawo ko míenye, ke miawoe nye Mawu ƒe agble kple eƒe xɔ si wòtu, menye nye kple Apolo tɔwoe mienye o. Le Mawu ƒe amenuveve si wònam ta la, meɖo gɔmeɖokpe abe xɔtula aɖaŋutɔ ene, eye ame bubu va le etum ɖe edzi. Ke ele na ame sia ame be wòakpɔ nyuie tso ale si wòtui la ŋuti. Elabena ame aɖeke mate ŋu aɖo gɔmeɖokpe bubu aɖeke anyi si to vovo tso esi li xoxo, si nye Yesu Kristo la gbɔ o. Gake xɔtunu vovovowo li si woate ŋu atsɔ atu xɔe ɖe gɔmeɖokpe la dzi. Ame aɖewo tua xɔ kple sika, klosalo alo kpe xɔasi bubuwo, ame bubuwo hã tsɔa ati, aƒla alo be gɔ̃ hã tua xɔe. Ke ele be ame sia ame naɖo ŋku edzi be ne Kristo ƒe ʋɔnudrɔ̃ŋkeke la ɖo edzi la, woado xɔtunu vovovoawo kpɔ. Woatsɔ dzo ado ame sia ame ƒe dɔwɔna kpɔ, akpɔe ɖa be eƒe dɔ la anɔ te mahã? Ame siwo ƒe dɔ mefia le dzo me o la axɔ woƒe fetu. Ke ne ame aɖe ƒe xɔ fia le dzoa me la ekema ebu nu gã aɖe gake woaɖe eya ŋutɔ abe ame si woɖe le dzo bibi me ene. Ɖe mienyae be Mawu ƒe xɔe mienye, eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ le mia me oa? Ne ame aɖe ke atse do ŋunyɔ, eye wògblẽ Mawu ƒe aƒe sia la, Mawu hã atsrɔ̃ ame ma enumake, elabena Mawu ƒe aƒe la nye teƒe kɔkɔe si me ɖiƒoƒo aɖeke mele o eye miawo tututu nye aƒe sia. Mikpɔ nyuie be miaganɔ mia ɖokuiwo flum o. Ne mia dometɔ aɖe bu be yenyaa nu ŋutɔ le amewo ƒe nukpɔkpɔ nu la, ekema ele be wòawɔ eɖokui bometsilae hafi ate ŋu anye nunyala vavãtɔ tso dziƒo. Elabena xexe sia me ƒe nunyawo katã nye bometsitsi le Mawu ƒe ŋkume. Abe ale si woŋlɔ ɖe Hiob ƒe agbalẽ me ene be, “Elé nunyalawo le woƒe ayemenuwɔwɔwo me.” Wogagblɔe na mí le Psalmowo ƒe agbalẽ hã me be, “Aƒetɔ la nya be nunyalawo ƒe susuwo katã le wodzoe abe ɖetifu ko ene.” Eya ta nɔviwo, miganɔ dadam ɖe amegbetɔ dzi o! Nuwo katã nye mia tɔ, eɖanye Paulo loo, alo Apolo o, Kefa, xexe sia me agbe, ku, egbeŋkeke alo etsɔ si gbɔna o, wo katã nye mia tɔ, eye mienye Kristo tɔ, ale Kristo hã nye Mawu tɔ. Kristo ƒe apostolowo Eya ta ele be miakpɔ Apolo kple nye Paulo ŋutɔ abe Kristo ƒe subɔlawo ko ene. Míaƒe dɔe nye be míaɖe Mawu ƒe nu ɣaɣlawo ɖe go, eye to esia me la, míahe yayra geɖe vɛ na amewo. Nu si le vevie na dɔla lae nye be wòakpɔ egbɔ be yenye nuteƒewɔla. Ke ame aɖe abia be, ɖe nye Paulo hã mewɔ dɔ abe dɔla nyui enea? Esia menye nya si ɖea fu na nye susu o. Nyemetsɔ ɖeke le nu si miawo alo ame bubu aɖewo buna le nye dɔwɔwɔ ŋu la me o. Azɔ hã nyemeka ɖe nye ŋutɔ nye nyametsotso hã dzi le nya sia me o. Togbɔ be nye dzitsinya meɖea fu nam o hã la, esia mefia kokoko be mele nye dɔ wɔm abe ale si dze ene o. Mawu ŋutɔ koe ate ŋu ana nyametsotso le nye dɔwɔna ŋu, be mewɔe nyuie alo nyemewɔe nyuie o. Eya ta nɔvinyewo, mikpɔ nyuie be miaganɔ nya me tsom le ame aɖe ƒe dɔwɔwɔ ŋuti, hafi Aƒetɔ la nava, be ewɔe nyuie alo mewɔe nyuie o. Ne Aƒetɔa ŋutɔ va la, eƒe kekeli gã la aklẽ ɖe ame sia ame dzi gãa, ale be nu si mía dometɔ ɖe sia ɖe nye tututu le eƒe dzi me la adze nyuie. Ale ame sia ame anya taɖodzinu si tututu nɔ mía si hafi míenɔa kutri kum ɖe Aƒetɔ ƒe dɔa ŋu. Eye Mawu ŋutɔ ana kafukafu si dze la ame sia ame le ɣe ma ɣi me. Migade vovototo amewo me o Nɔviwo, ɖeko metsɔ Apolo kple nye ŋutɔ le kpɔɖeŋu ɖom na mi be maɖe nu si gblɔm mele la me na mi nyuie, ale be miase nya siwo woŋlɔ ɖi la gɔme; nya si woŋlɔ be, “Mègatsɔ naneke kpe nu si woŋlɔ da ɖi la o.” Ale miagade bubu ame aɖe ŋu wu ame bubu o. Elabena ame kae wɔ mi mieto vovo tso ame bubuwo gbɔ? Nu kae le mia si, si menye Mawue na mi o? Ke ne mielɔ̃ ɖe edzi be nu siwo katã le mia si la nye nunana tso Mawu gbɔ la, nu ka ta miele dadam abe ɖe wosu mia si to mia ŋutɔwo ƒe agbagbadzedze me ene? Nu sia nu su mia si xoxo! Miezu kesinɔtɔwo xoxo! Miezu fiawo xoxo míawo manɔmee. Ne ɖe mienye fiawo xoxo la, adzɔ dzi nam ŋutɔ be míawo hã míanye fiawo kpli mi. Elabena edzena nam be Mawu tsɔ mí apostolowo da ɖe fli la ƒe nuwuwu abe ame siwo wotso kufia na woyina wuwu ge le dutoƒo la ene. Wodo kpɔkpɔ mí le xexea me katã le mawudɔlawo kple amegbetɔwo gbɔ. Le Kristo ta la, míezu abe bometsilawo ene, ke miawo mienye kristotɔ nunyalawo. Míegbɔdzɔna le ŋutilã me gake ŋusẽ le miawo ya ŋu. Wobua mi nyuie, ke míawo la, míezu ame ɖigbɔ̃wo ɖeɖe ko! Va sa ɖe fifi laa hã la, dɔ le mía wum, tsikɔ hã le mía wum, eye míekpɔ awu vuvu teti hã ado be vuvɔ nagawɔ mí o. Eye esi aƒe aɖeke mele mía si o ta la, wotua asi mí tso afii yi afi mɛ. Míawo ŋutɔ míetsɔa asi wɔa dɔ kple kutrikuku be míakpɔ mía ɖokuiwo dzii. Míeyraa ame siwo ƒoa fi dea mí la, eye míegbɔa dzi ɖi blewu na míaƒe futɔwo. Ne ame aɖe gblɔ nya vɔ̃ɖi tso mía ŋu hã la, míewɔa dzre kplii o. Ke esiawo katã meɖe vi aɖeke o, elabena va se ɖe fifia hã la, amewo mebua mí o. Míele ko abe xexe sia me ƒe aɖukpodzinu si ŋu ŋudɔwɔnu aɖeke kura mele o la ene. Menye ɖe mele nu siawo ŋlɔm ɖo ɖe mi be ŋu nakpe mi o, ke boŋ be maka mo na mi eye maɖo aɖaŋu na mi abe vinye lɔlɔ̃awo ene. Elabena, togbɔ be ame akpe ewo gɔ̃ hã afia nu mi tso Kristo ŋu hã la, nye koe nye mia fofo. Nyee nye ame si to nyanyui la gbɔgblɔ na mi me he mi va Kristo Yesu gbɔe. Eya ta mele kuku gã aɖe ɖem na mi be miato nye afɔtoƒe, eye miawɔ nu si mewɔna la. Esia tututu ta mele Timoteo ɖom ɖe mi be wòava kpe ɖe mia ŋu. Eya hã nye ame siwo mehe va Kristo Yesu gbɔ la dometɔ ɖeka eye enye vinye lɔlɔ̃tɔ kple nuteƒewɔla vavã le Aƒetɔ la me. Timoteo sia agaɖo ŋku nu siwo katã mefiana le hawo katã me la dzi na mi. Menya nyuie be dadagbɔgbɔ yɔ mia dometɔ aɖewo me, eye miele gbɔgblɔm gɔ̃ hã be nyemate ŋu ava he nya ɖe yewo ŋu o. Ne Aƒetɔ la lɔ̃ la, mava mia gbɔ kpuie eye nyemegbɔna be mava nya nu siwo gblɔm dadala siawo le la ɖeɖe ko o, ke boŋ be manya afi si wokpɔ ŋusẽ hã tsoe hafi le nyawo gblɔm. Mawufiaɖuƒe la me nɔnɔ menye nukpoloeƒoƒo wònye o, ke boŋ enye agbenɔnɔ le Mawu ƒe ŋusẽ me. Kae adze mia ŋu wu, be mava mia gbɔ kple ameƒoti loo alo be mava le lɔlɔ̃ kple tufafa me? Paulo de se be woanya ahasitɔ la le hamea me Busunya si dzɔ le mia dome lae nye be miele ahasi wɔm. Nya sia ɖi hoo, eye ame sia ame le nu ƒom le eŋu. Nu sia nye busunu ale gbegbe, elabena medzɔna le trɔ̃subɔlawo gɔ̃ hã dome o. Ke esi nu sia ƒomevi le edzi yim le mia dome la, ɖe miegale mia ɖokuiwo bum be yewode ŋgɔ le gbɔgbɔ mea? Ɖe wòle be mialé blanui afa konyi ŋukpetɔe eye miaɖe ame sia le hamea me enumake! Togbɔ be nyemele mia gbɔ le afi ma o hã la, mele mia gbɔ le gbɔgbɔ me. Mebua ta me vevie le nu sia ŋu eye le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ me la, meɖo kpe nu si wòle be miawɔ la dzi abe ɖe mele mia dome ene. Miyɔ Hametakpekpe gã eye miaɖe ame sia ɖa le hamea me. Aƒetɔ Yesu ƒe ŋusẽ kple nye gbɔgbɔ anɔ mia dome le takpekpea me. Minya ame sia tsɔ de asi na Satana be wòahe to nɛ vie le ŋutilã me, ale be to esia me la, ɖewohĩ eƒe luʋɔ akpɔ ɖeɖe ne Aƒetɔ Yesu gatrɔ va. Enye nublanui ŋutɔ be, togbɔ be nu dziŋɔ sia le edzi yim le mia dome hã la, miegale mia ɖokuiwo bum ame kɔkɔewoe. Mienyae be, “Deku ɖekae gblẽa bubuawo katã oa?” Eye ne mieɖe mɔ be ame ɖeka nawɔ nu vɔ̃ sia ɖe, magblẽ nu le ame bubuwo hã ŋu oa? Miɖe ame vɔ̃ɖi sia ɖa le mia dome, bena miaƒe ŋkɔ nagagblẽ o, eye mianɔ dzadzɛe. Miɖo ŋku edzi be wowu Kristo, ame si nye Mawu ƒe Alẽvi la, abe ŋutitotoŋkekenyui ƒe vɔsalẽvi ene na mí. Eya ta mina míaɖu nu, ano nu le Kristo me be míatsi nyuie le kristotɔ ƒe agbenɔnɔ me, eye míaɖe asi le agbe vlo siwo míenɔna tsã la ŋu, adzudzɔ fuléle kple tamesesẽ, ke boŋ mina be bubu, nyateƒetoto kple nu si le eteƒe la wɔwɔ nanye míaƒe gbe sia gbe nuɖuɖu kple nunono. Le nye agbalẽ si meŋlɔ na mi do ŋgɔ me la, megblɔ na mi be migade ha kple ahasiwɔlawo o. Ke menye dzimaxɔsetɔ siwo nye ahasiwɔlawo, ŋubiãlawo, fiafitɔwo kple legbasubɔlawo la mewɔnɛ o. Zi ale si miele xexea me ko la, miate ŋu aɖe mia ɖokuiwo ɖe aga le ame siawo gbɔ o. Nu si mewɔnɛ lae nye be migade ha kple ame siwo le wo ɖokuiwo yɔm be kristotɔwo, gake woganye ahasiwɔlawo, ŋubiãlawo, amebalawo, legbasubɔlawo, ahanomunɔwo kple dzrewɔlawo o. Migaɖu nu kple ame siawo ƒomevi gɔ̃ hã o. Menye míaƒe dɔ wònye be míadrɔ̃ ʋɔnu ame siwo menye hametɔwo alo kristotɔwo o, gake enye míaƒe dɔdeasi vevi aɖe be míadrɔ̃ ʋɔnu hametɔwo, aka mo na wo, eye míahe to na ame siwo le nu vɔ̃ɖi wɔm. Mawu ŋutɔ koe adrɔ̃ ʋɔnu ame siwo mele kristoha la me o. “Ke ele be miawo ŋutɔ miakpɔ nya sia gbɔ, eye miaɖe ame sia ɖa le hamea me kokoko.” Womakplɔ nɔvi xɔsetɔ ayi dzimaxɔsetɔwo ƒe ʋɔnui o Nɔvinyewo, nu ka ta, ne masɔmasɔ aɖe dzɔ le mi kristotɔwo dome la, mietsɔa nya la yia fia alo dukɔa ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe be ame siwo mevɔa Mawu o la nadrɔ̃ na mi, esi wòle be miayi kristotɔwo boŋ gbɔ? Ɖe mienyae bena, gbe ɖeka la, mí kristotɔwoe aɖu fia ɖe xexea me blibo dzi, eye míadrɔ̃ ʋɔnu xexea me tɔwo o mahã? Nu ka ta miate ŋu adzra nya suewo ɖo le mia nɔewo dome o? Alo mienya be gbe aɖe gbe la, mí kristotɔwoe adrɔ̃ ʋɔnu mawudɔla siwo le dziƒo gɔ̃ hã, ʋuu keke wòahayi agbe sia me nuwo nye ge oa? Nu ka ta wòhiã be miatsɔ miaƒe nyawo ayi na dzimaxɔsetɔwo be woadrɔ̃ na mi? Mele nya siawo gblɔm kple susu be ŋu nakpe mi. Ɖe miele gbɔgblɔm be le miaƒe hame bliboa me la, ame aɖeke kura meli si si susu le, ale be wòate ŋu awɔ nya siawo ŋu dɔ na mi oa? Ke nu ka ta wòle dzɔdzɔm le mia dome be kristotɔ nakplɔ nɔvia kristotɔ ayi ʋɔnu le dzimaxɔsetɔwo, ame siwo menya Mawu o la gbɔ? Ale si mietsɔ nya ɖe mia nɔewo ŋu le ʋɔnu ɖeɖe dzaa fia be woɖu mia dzi xoxo. Nu ka wɔ miaɖe mɔ be woada vo ɖe mia ŋu boŋ o? Nu ka ta miaɖe mɔ be woaba mi boŋ o? Ewɔ nublanui ŋutɔ be miawo boŋue le nu vlowo wɔm. Miele amebaba dzi ɣe sia ɣi, eye esi gavlo wue nye be miewɔa nu siawo ɖe mia nɔvi kristotɔwo kekeake hã ŋu. Agbe vlo nɔlawo manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o Ɖe mienyae be ame vɔ̃ɖiwo manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome oa? Migana woable mi o. Ahasiwɔlawo, trɔ̃subɔlawo, matrewɔlawo kple ŋutsu siwo dɔna kple ŋutsu bubuwo, fiafitɔwo kple ŋubiãlawo kple ahamulawo, ameŋunyagblɔlawo kple amebalawo la, womanyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o. Tsã la, mia dometɔ aɖewo ƒe agbenɔnɔ sɔ pɛpɛpɛ kple ame baɖa siawo tɔ. Ke fifia la, woklɔ miaƒe nu vɔ̃wo katã ɖa le mia ŋu eye le nu si Aƒetɔ Yesu Kristo kple Mawu ƒe Gbɔgbɔ la wɔ na mi ta la, Mawu xɔ mi miezu eƒe ame tɔxɛwo. Ahasigbenɔnɔ Mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be, “Mɔɖeɖe li be míate ŋu awɔ nu sia nu faa” ne Aƒetɔ Yesu mede se tɔxɛ aɖeke ɖe wo ŋu o. Esia anya nɔ eme alea gake menye nu sia nu wɔwɔe nyona na ame o. Ame ate ŋu awɔ nu sia nu faa ne mɔɖeɖe li gake menyo be ame nazu kluvi na naneke kura o. Mia dometɔ aɖewo hã be ele eme be, “Mawu wɔ ƒodo na mí be míaɖu nu” gake menye esia ta wòle be ame naɖu nutsu o. Le nyateƒe me la, miganɔ bubum be nuɖuɖu le vevie akpa o elabena gbe ɖeka la, Mawu le nuɖuɖu kple míaƒe ƒodowo siaa ɖe ge ɖa. Medi be mianya nyuie hã be ahasiwɔwɔ menyo le mɔ aɖeke nu o. Menye esia ta wowɔ míaƒe ŋutilã sia ɖo o, ke boŋ ɖe wowɔe na Aƒetɔ la eye enye Aƒetɔ la ƒe didi vevie be ye ŋutɔ yeava nɔ miaƒe ŋutilãwo me. Gbe ɖeka la, Mawu afɔ miaƒe ŋutilã ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, abe ale si tututu wòtsɔ eƒe ŋusẽ fɔ Aƒetɔ Yesu Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome ene. Alo mienya be miaƒe ŋutilãwo nye Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋutilã ƒe akpa vovovowo oa? Ne ele alea la, ekema ɖe wònyo be miatsɔ Kristo ƒe ŋutilã ade ha kple ahasiwɔla tɔa? Gbeɖe, mele be wòanɔ alea o! Ɖe mienya be ame si de ha kple ahasitɔ aɖe la zu ŋutilã ɖeka kplii oa? Elabena wogblɔe be, “Wo ame evea woazu ŋutilã ɖeka.” Ke ame si tsɔ eɖokui lé ɖe Aƒetɔ la ŋu la, eya kplii wozu ɖeka le gbɔgbɔ me. Le esia ta mele gbe tem ɖe edzi na mi be miadzudzɔ ahasiwɔwɔ elabena ahasiwɔwɔ nye nu vɔ̃ si ƒoa ɖi ame ƒe ŋutilã. Eya ta ne miewɔ nu vɔ̃ sia la, miawo ŋutɔwo koe akpe fu. Nu ka ta va se ɖe fifia hã la, mienya kpɔ be miaƒe ŋutilã nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe si Mawu na mi la ƒe nɔƒe eye wòle mia me ɣe sia ɣi o mahã? Miawo ŋutɔ ƒe ŋutilãwo menye mia tɔ o, elabena Mawu ƒle mi ho gã aɖee. Eya ta miwɔ miaƒe ŋutilã ƒe akpa sia akpa ŋu dɔ hena Mawu ƒe dodoɖedzi kple kafukafu elabena etɔwoe mienye. Nya tso srɔ̃ɖeɖe ŋu Nya siwo miebiam le agbalẽ si mieŋlɔ ɖo ɖem me la ƒe ŋuɖoɖoe nye be ne ŋutsu aɖe meɖe srɔ̃ o la, megblẽ naneke o, gake le ahasiwɔwɔ ta la, enyo be ame naɖe srɔ̃, ŋutsu ɖe sia ɖe kple etɔ; nenema kee nye nyɔnu ɖe sia ɖe hã, ale be ame aɖeke nagawɔ nu vɔ̃ o. Ele na srɔ̃ŋutsu be wòakpɔ egbɔ be yemegblẽ ye srɔ̃ ɖi le go aɖeke me o, eye srɔ̃nyɔnu hã nawɔ nenema pɛpɛpɛ. Ne nyɔnu ɖe srɔ̃ ko la, ekema megakpɔ ŋusẽ ɖe eƒe ŋutilã dzi o, ke boŋ srɔ̃a kpɔ ŋusẽ ɖe edzi, eye nenema ke srɔ̃nyɔnu hã kpɔ ŋusẽ ɖe srɔ̃ŋutsua ƒe ŋutilã dzi, ale ŋutsua mate ŋu awɔ nu si dze eya ŋutɔ ɖeɖe ko ŋu o. Eya ta srɔ̃tɔwo nakpɔ egbɔ be yewomegblẽ yewo nɔewo ɖi o, negbe wo ame eve la wowɔ ɖoɖo tɔxɛ be yewoakpɔ ɣeyiɣi ado gbe ɖa. Emegbe la, mite kpe be Satana nagate mi akpɔ le ɖokuidzimaɖumaɖu ta o. Mele esia gblɔm abe mɔnana ene, ke menye abe sedede ene o. Anye nye didi be ŋutsuwo katã nanɔ abe nye ene, gake ŋutsu ɖe sia ɖe kple nunana si wòxɔ tso Mawu gbɔ; ame ɖeka xɔ nunana sia eye ame bubu xɔ nunana kemɛ. Eya ta magblɔ na trewo kple ahosiwo be woanɔ anyi srɔ̃maɖemaɖee abe nye ŋutɔ ene. Gake ne ame aɖe mate ŋu aɖu eɖokui dzi o la, ekema neɖe srɔ̃ elabena enyo be wòaɖe srɔ̃ wu be wòayɔ fũu kple fieŋufieŋu. Ke mele se sia dem na srɔ̃tɔwo (menye nyee le sea dem o, ke boŋ Aƒetɔ lae) be srɔ̃nyɔnu mekpɔ mɔ agbe srɔ̃ŋutsua o. Ke ne egbee la, ele nɛ be wòanɔ tre alo wòatrɔ ayi aɖawɔ ɖeka kple srɔ̃ŋutsua. Nenema ke srɔ̃ŋutsu hã mekpɔ mɔ agbe srɔ̃nyɔnu la o. Azɔ nye ŋutɔ medi be maɖo aɖaŋu aɖe na ame mamlɛawo. (Nyee le egblɔm, menye Aƒetɔ la ƒe sedede o). Eyae nye be ne kristotɔ aɖe nyɔnu si menye kristotɔ o, gake nyɔnu la lɔ̃ be yeanɔ egbɔ la, ŋutsua megaɖe asi le eŋu o. Nenema ke ne nyɔnu kristotɔ aɖe srɔ̃ si menye kristotɔ o, gake srɔ̃ŋutsu la lɔ̃ be nyɔnu la nanɔ ye gbɔ la, nyɔnu la hã megagbee o. Elabena srɔ̃ŋutsu si mexɔ se o la ŋuti kɔ le srɔ̃nyɔnu la ta eye nenema ke srɔ̃nyɔnu si mexɔ se o la hã ŋuti kɔ le srɔ̃ŋutsua si xɔ se ta. Ne menye nenema o la, mia viwo anye nu makɔmakɔwo, gake esi wòle alea ta la, wo ŋuti kɔ. Ke ne srɔ̃tɔ si mexɔ se o la dzo la, neyi faa elabena se aɖeke mebla srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu si xɔ se la le nya sia me o. Mawu yɔ mí be míanɔ anyi le ŋutifafa me. Nyɔnu, aleke nèwɔ nya be yeate ŋu aɖe srɔ̃? Alo wò ŋutsu, aleke nèwɔ nya be yeate ŋu aɖe srɔ̃? Le esiawo katã wɔwɔ me la, ame sia ame nakpɔ egbɔ be yewɔ ɖe Mawu ƒe ɖoɖo dzi le srɔ̃ɖeɖe me loo alo le trenɔnɔ me, eye nu sia nu si Mawu na ame aɖe la, wòaxɔe kple dzi faa. Hamewo katã nawɔ ɖe sedede vevi siawo dzi. Le kpɔɖeŋu me, ne wotso aʋa na ŋutsu aɖe le Yudatɔwo ƒe kɔnu nu hafi wòtrɔ zu kristotɔ la, amea megatsi dzi le eŋu kura o. Nenema ke, ne wometso aʋa na ame aɖe hã o la, eya hã megatsi dzi be ele be yeatso aʋa kokoko o. Elabena kɔnu sia wɔwɔ mele vevie kura le kristotɔ ƒe agbenɔnɔ me o. Nu si le vevie nye be kristotɔ nakpɔ egbɔ be yele Mawu ƒe sewo dzi wɔm eye be Mawu nakpɔ ŋudzedze le ye ŋu ɣe sia ɣi. Ame sia ame nanɔ nɔnɔme si me wònɔ hafi Mawu yɔe, ne enye aʋatsotsotɔ alo aʋamatsomatsotɔ. Ne ènye kluvi hafi zu kristotɔ la, mègana wòaɖe fu na wò o gake ne èkpɔ mɔnu be nàzu ablɔɖevi la, mègana wòato ŋuwò o. Kluvi si trɔ zu xɔsetɔ la zu Aƒetɔ la ƒe ablɔɖevi, eye wòvo tso nu vɔ̃ ƒe asi sesẽ la te. Ke ne ènye ablɔɖevi hafi zu kristotɔ la, nyae be yezu Kristo ƒe kluvi azɔ. Yesu Kristo ƒle mi, eye wòxe fe ɖe mia ta keŋkeŋ eya ta miezu etɔ eye le esia ta migawɔ mia ɖokuiwo abe kluviwo ene na amegbetɔwo kple xexe sia me nuwo o. Eya ta nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, ale si ame sia ame nɔ hafi zu kristotɔ ko la, nenɔ nenema le Mawu ƒe ŋkume. Azɔ maɖo miaƒe biabia evelia ŋu na mi. Miele biabiam be nu ka yewoawɔ kple ɖetugbi siwo meɖe srɔ̃ haɖe o la hã! Ɖe woaɖe mɔ na wo be woaɖe srɔ̃ faa hã? Le nyateƒe me la, nyemexɔ sedede tɔxɛ aɖeke tso Aƒetɔ la gbɔ le nya sia ŋu o. Ke Mawu ŋutɔ na susum be mawɔ eŋu dɔ, eya ta magblɔ nu si nye ŋutɔ mebu le nya sia ŋu la na mi. Eyae nye be, le fukpekpe geɖe si le mí kristotɔwo dzi vam le egbeŋkekewo me ta la, anyo be ame sia ame nanɔ anyi abe ale si wòle fifia ene. Ne èɖe srɔ̃ la, mègagbee o. Ne mèɖe srɔ̃ haɖe o la, mègaɖee o. Ke ne èɖe srɔ̃ la, mèwɔ nu vɔ̃ o, eye ne ɖetugbivi dzaa ɖe srɔ̃ la, mewɔ nu vɔ̃ o, gake ame siwo ɖe srɔ̃ la, woado go fuɖename geɖewo le agbe sia me. Nukpekeame siawo mee medi be maɖe mi tsoe. Nɔviwo, nu si gblɔm mele lae nye be: Ɣeyiɣi la le kpuie, eya ta tso azɔ dzi la, ame siwo si srɔ̃ le la nanɔ agbe abe srɔ̃ ɖe mele wo si o ene. Ame siwo le nu xam la, nanɔ abe ɖe womele nu xam o ene, dzidzɔkpɔlawo nanɔ abe ɖe womele dzidzɔ kpɔm o ene, eye ame siwo ƒle nuwo kɔ ɖi la nawɔ abe nuawo ɖe menye wo tɔ o ene. Nenema ke ame siwo wɔa xexe sia me nuwo ŋu dɔ nanɔ abe ɖe wometsɔ ɖeke le xexemenuwo me o ene. Elabena ale si xexe sia me le fifia la nu ava yi kpuie. Migatsi dzi ɖe naneke ŋu o. Ne srɔ̃ mele ŋutsu aɖe si o la, ekema ekpɔa vovo ɖe Aƒetɔ la ƒe dɔ ŋu nyuie eye wòdina ɣe sia ɣi be yeƒe agbe nadze Aƒetɔ ŋu. Ke srɔ̃tɔ ya mate ŋu awɔ alea o elabena agbe sia me ƒe hloloetsotso xɔa eƒe ɣeyiɣi eye eƒe didi koe nye be yeadze ye srɔ̃ ŋu ɣe sia ɣi. Ale eƒe dzi ƒe didiwo ma ɖe akpa gã eve me. Alea ke wònɔna na nyɔnu si ɖe srɔ̃ la kple ɖetugbi si le atsuƒe hã. Nyɔnu si ɖe srɔ̃ la léa be na xexe sia me nuwo kple ale si wòawɔ adze ŋutsu la ŋu. Ke nyɔnu si mele atsuƒe o la ƒe didi katã koe nye be yeawɔ dɔ na Aƒetɔ la le ŋutilã kple gbɔgbɔ me ɣe sia ɣi. Menye ɖe mele nya siawo gblɔm be maɖe dzi le mia ƒo le srɔ̃ɖeɖe ŋu o, ke boŋ be makpe ɖe mia ŋu. Medi be miadze agbagba awɔ nu sia nu si ana be miate ŋu asubɔ Mawu nyuie la eye miagaɖe mɔ na nu kukluiwo be woaxe mɔ na mi o. Ne mia dometɔ aɖe kpɔe be trenɔnɔ menyo na ye o elabena yemetea ŋu ɖua ye ɖokui dzi nyuie o la, ekema ele be wòaɖe srɔ̃. Esia menye nu vɔ̃ o. Gake ne ame aɖe ya tea ŋu ɖua eɖokui dzi nyuie, eye le esia ta wòɖoe le eƒe dzi me be yemaɖe srɔ̃ o la, ewɔe nyuie. Eya ta nɔviwo, minyae be ne ame aɖe ɖe srɔ̃ la, mewɔ nu gbegblẽ o, eye ne ame bubu hã meɖe srɔ̃ o la, etɔ kura ganyo wu. Srɔ̃nyɔnu kple srɔ̃ŋutsu le ɖeka zi ale si wole agbe. Ke ne ŋutsua ku la, ekema nyɔnu la kpɔ mɔ aɖe ŋutsu bubu le Aƒetɔ la ƒe ɖoɖo nu. Ke le nye nukpɔkpɔ nu la, meka ɖe edzi be ne nyɔnu ahosi la megaɖe srɔ̃ bubu kura o la, anyo nɛ wu. Meka ɖe edzi be Mawu ƒe Gbɔgbɔe le aɖaŋu sia ɖom na mi to dzinye. Nu siwo wotsɔ sa vɔe na trɔ̃wo la ɖuɖu Miaƒe biabia bubu hã ku ɖe nuɖuɖu siwo woɖa tsɔ sa vɔe na legbawo. Enye nyateƒe be nunyalawoe mí katã míenye. Nunya hea ɖokuidodoɖedzi vanɛ, ke lɔlɔ̃ tua amewo ɖo. Ne ame aɖe susu be yenya nane la, nenyae be menya nu abe ale si wòle be wòanyae la ene o. Ame si lɔ̃a Mawu le anukware me la, eyae Mawu hã nyana. Mina míatrɔ ɖe nya la gbɔ azɔ. Eyae nye, enyo be kristotɔ naɖu nu si woɖa na trɔ̃wo kple legbawo loo alo menyo be wòaɖui oa? Mí katã míenya kɔtɛe be, “Mawu gbagbe ɖeka pɛ koe li” eye “Legbawo la, womenye naneke kura le xexe sia me o.” Ke ne Mawu bubuwo hã li, le dziƒo alo anyigba (abe ale si “mawu” geɖewo kple “aƒetɔ” geɖewo li ene la), ke míawo ya, míenya be Mawu ɖeka si nye fofo la koe li, ame si gbɔ nuwo katã tso. Eyae míele agbe na, eye Aƒetɔ ɖeka koe li. Eyae nye Yesu Kristo, ame si dzi nuwo katã to, eye to eya dzi míele agbe. Ke menye ame sia amee nya esia o. Ame aɖewo la, trɔ̃wo ƒe nuwo ma wo ale gbegbe be ne woɖu nu siawo tɔgbiwo la, wogabuna be trɔ̃woe wotsɔe sa vɔe na, eye esi wònye woƒe dzitsinya gbɔdzɔ ta la, woƒe dzitsinya bua fɔ wo. Nɔviwo, minyae be nuɖuɖu mewɔnɛ míetena ɖe Mawu ŋu kpokploe o. Nuɖuɖu megblẽa mí ɖe edzi alo wɔnɛ míenyona ɖe edzi o. Ke ɖeko miakpɔ nyuie be miaƒe ablɔɖe ŋuti dɔ wɔwɔ mezu nu kikli na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo o. Nu si adzɔ lae nye be ne kristotɔ aɖe si ƒe dzitsinya gblɔ nɛ be menyo be yeaɖu trɔ̃wo ƒe vɔsanu o, ke ame sia va kpɔ wò kristotɔ bubu nènɔ anyi ɖe trɔ̃xɔ me le nu ɖum la, ana be eya hã nate kpɔ be yeaɖui. Ke ne eɖui la, eƒe dzitsinya aɖe fu nɛ vevie eye wòagbɔdzɔ le eƒe dzixɔse me. Ale wò ame si tsi le gbɔgbɔ me la ƒe nuwɔna azu nuɖiaɖia gã aɖe na ame bubu si hã ta Kristo ku ɖo, gake wònye vidzĩ le gbɔgbɔ me. Enye nu vɔ̃ wɔwɔ ɖe Kristo ŋu be wò nuwɔna naɖe dzi le ƒo na ame bubu be wòawɔ nu si tsi tsitre ɖe eƒe dzitsinya ŋu. Eya ta ne to trɔ̃wo ƒe vɔsanuɖuɖu me, mana nɔvinye kristotɔ aɖe nazu nu vɔ̃ wɔla la, ekema nyemagaɖu nu sia tɔgbi gbeɖe o, elabena nyemedi be mana nɔvinye nage le xɔse me o. Paulo ʋli eƒe apostolonyenye ta Ɖe nyemevo oa? Menye apostoloe menye oa? Ɖe nyemekpɔ Yesu, míaƒe Aƒetɔ la oa? Ɖe menye miawoe nye nye dɔ si mewɔ na Aƒetɔ la ƒe metsonu oa? Ne ame bubuwo mebum ɖe apostolowo dome o hã la, miawo ya mienya be apostolo menye elabena dzinyee mieto le Aƒetɔ la me hafi zu kristotɔwo fifia. Esia koe nye nya si le asinye na ame siwo nɔa ɖi kem kplim la. Aleke bum miele le ŋutinye? Ɖe mɔɖeɖe meli be mava dze mia gbɔ abe apostolo bubuawo ene le nye mɔzɔzɔwo me oa? Ɖe mɔɖeɖe meli be makplɔ srɔ̃nyɔnu si nye xɔsetɔ ɖe asi ava dze mia gbɔ abe ale si apostolo bubuawo, Yesu nɔviwo kple Kefa hã wɔna ene oa? Alo miesusu be nye kple Barnabas koe anɔ fu kpem, anɔ dɔ wɔm be míakpɔ mía ɖokuiwo dzi, le esime miawo miele ame bubuwo dzi kpɔm nyuie ɣe sia ɣia? Miese kpɔ be asrafo si le aʋagbedzi la kpɔ eya ŋutɔ ɖokui dzi le aʋagbedzi kpɔ oa? Alo miese kpɔ be agbledela mekpɔ mɔ aɖu eya ŋutɔ ƒe agblemenukuwo oa? Alo lãnyila kae mekpɔ mɔ ano notsi si wòfia tso eƒe lã ƒe nowo me la ƒe ɖe o? Menye amegbetɔwo ƒe susu ko gblɔm mele o; Mawu ƒe se gɔ̃ hã ɖo kpe nu siawo dzi pɛpɛpɛ elabena woŋlɔe ɖe Mose ƒe segbalẽ la me be, “Megabla nu na nyitsu ne ele mɔlu tugum o.” Nyitsuwo ŋue Mawu tsi dzi ɖoa? Ɖe menye míawo tae wògblɔ nya sia ɖo oa? Ɛ̃, míawo tae, elabena Mawu di be yeaɖee afia be ame si ŋlɔa nu la, naŋlɔe le mɔkpɔkpɔ me, eye ame si tugua mɔlu la natugui le mɔkpɔkpɔ me, be wòakpɔ gome le eme. Míedo gbɔgbɔmenuku nyuiwo ɖe miaƒe dziwo me, eya ta ne míebia nuɖuɖu kple avɔtata tso mia gbɔ la, megblẽ kura o. Miewɔnɛ abe ale si wòdze ene na nyagblɔla bubuawo. Ke míawo la, togbɔ be ele be miakpɔ mía dzi hã la, míebia naneke mi kpɔ gbeɖe o. Ke boŋ míawo ŋutɔ míekpɔa mía ɖokuiwo dzi ɣe sia ɣi. Míelĩ fe ame aɖeke kpɔ o, elabena míele vɔvɔ̃m be ne míewɔ esia la, dzi aɖe le mia ƒo eye miagbɔdzɔ le Kristo ƒe nyanyui si míetsɔ vɛ na mi la ŋuti. Nɔviwo, ɖe mienya be Mawu ŋutɔ ɖe mɔ na ame siwo nɔ dɔ wɔm le gbedoxɔ la me be woatsɔ nunana siwo amewo tsɔ vɛ na Mawu la ƒe ɖe awɔ wo ŋu dɔ faa oa? Ame siwo hã wɔa dɔ le Mawu ƒe vɔsamlekpui la ŋu la ɖua nu siwo amewo tsɔ vɛ be yewoatsɔ sa vɔe na Mawu la ƒe ɖe faa. Nenema ke Aƒetɔ ɖe gbe be ame siwo gblɔa nyanyui la fiana la, woakpɔ agbemenuwo tso nyanyui la me. Gake nyemebia pesewa ɖeka hã tso mia gbɔ kpɔ o. Menye ɖe mele esia gblɔm na mi ne miabu be ɖe medi be miaɖo ga ɖem azɔ o. Le nyateƒe me, ne dɔ wum meku la, enyo wu be maxɔ ga le mia si, eye mabu dzidzedze gã si mekpɔna ne megblɔ mawunya na mi faa. Elabena nyemedze na kafukafu tɔxɛ aɖeke le nye mawunyagbɔgblɔ ta o. Ele nam kokoko be manɔ egbɔgblɔ dzi ɣe sia ɣi madzudzɔmadzudzɔe. Ne meke atse dzudzɔ la, baba nam! Nenye nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nue metsɔ le dɔa wɔm la, ekema maxɔ nunana tɔxɛ tso Aƒetɔ la gbɔ gake mele eme alea o, ke boŋ Mawu ŋutɔe tiam tsɔ dɔ xɔasi sia de asi nam eya ta nyemate ŋu agbe o. Le esia ta la, nye fetu koe nye dzidzɔ tɔxɛ si yɔa menye ne megblɔ nyanyui na amewo faa, naneke maxɔmaxɔe, zi ale si wòle ɖoɖo nu be maxɔ fetu ɖe nye dɔwɔna ta hafi. Viɖe tɔxɛ aɖe le esia me, eye eyae nye be ame aɖeke mate ŋu azi dzinye le mɔ aɖeke nu o, elabena ame aɖeke kura mele fe xem nam o. Gake melɔ̃ faa be mawɔ ɖokuinye kluvi na ame sia ame ƒomevi, ale be to esia me la, mate ŋu akplɔe va Yesu Kristo gbɔ. Ne mele Yudatɔwo dome la, mewɔa nu sia nu abe Yudatɔ ene, ale be woalɔ̃ aɖo to nyanyui si gblɔm mele na wo la. Ke mezu abe ame si le sea te ene hena ame siwo le sea te (evɔ la, nye ŋutɔ nyemele sea te hafi o), be asinye nasu ame siwo le sea te la dzi. Mezu abe semanɔsitɔ ene hena semanɔsitɔwo (gake nyemenye semanɔsitɔ na Mawu o, ke mele Kristo ƒe se la me boŋ), be asinye nasu semanɔsitɔwo dzi. Ne mele ame siwo ƒe xɔse meli ke tututu haɖe o la dome la, megbɔa dzi ɖi na wo ale be woalɔ̃ be makpe ɖe yewo ŋu. Ɛ̃, medzea agbagba be masɔ kple ame sia ame le mɔ ɖe sia ɖe dzi, ale be makpɔ mɔnu aɖe kokoko aƒo nu nɛ tso Kristo ŋu be wòakpɔ ɖeɖe tso egbɔ. Mewɔ esia be makaka nyanyui la na amewo katã eye to esia me la, nye hã maxɔ yayra tɔxɛ. Ʋiʋli sesĩe na dziɖuɖufetu la xɔxɔ Ɖe mienyae be ne wole duɖime kem le dusiƒe la, dusilawo katãe kea duɖime, gake ame ɖeka koe xɔa dziɖuɖufetu la oa? Misi du la ale be miaxɔ dziɖuɖufetua. Ame sia ame si di be yeakpɔ gome le hoʋiʋli aɖe me la toa hehexɔxɔ sesẽwo me. Wowɔa esia be woaxɔ dziɖuɖukuku si gblẽna; ke míawo la, míekea duɖime be míaxɔ dziɖuɖukuku magblẽmagblẽ. Eya ta nyemele duɖime kem taɖodzinu manɔsitɔe o, eye nyemele kɔ dam abe ŋutsu si le kɔ dam ɖe yame la ene o, ke boŋ meƒoa nye ŋutilã hewɔnɛ nye kluvie ale be nyemabu dziɖuɖufiakuku la o, le esime wònye nyee gblɔ agbenya la na amewo hafi. Nuxɔxlɔ̃ amewo tso Israel ƒe dzɔdzɔmeŋutinya me Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, migaŋlɔ nu siwo dzɔ ɖe mía tɔgbuitɔgbuiwo dzi le gbedadaƒo le blema la be o. Mawu na lilikpo nɔ ŋgɔ na wo, eye wòkplɔ wo va to Ƒu Dzĩ la me dedie. Nuwɔna sia zu mawutsideta na wo kple Mose ɖe Ƒu la me. Wo katã woɖu gbɔgbɔmenuɖuɖu ma ke, eye wono gbɔgbɔmenunono ma ke, elabena wonoe tso gbɔgbɔmekpe gbadza si zɔ kpli wo le gbea dzi, eye kpe gbadza siae nye Kristo. Gake le esiawo katã megbe la, wo dometɔ geɖewo sẽ to eye womewɔ Mawu ƒe gbe dzi o. Ale Mawu tsrɔ̃ wo eye woƒe ŋutilã kukuawo kaka ɖe gbea dzi. Ele be míasrɔ̃ nu tso esia me be míawo hã míagatsi nu vɔ̃ɖiwo yome abe mía tɔgbuiwo ene eye míagasubɔ legbawo abe ale si wowɔ ene o. Migazu trɔ̃subɔlawo hã abe wo dometɔ aɖewo ene o, abe ale si woŋlɔe ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me be, “Wonɔ anyi ɖu nu eye wono nu nyuie eye wotsi tsitre, emegbe la, woɖu ɣe.” Nu bubu si wòle be míagasrɔ̃ tso nu siwo dzɔ ɖe wo dzi me lae nye be esi wo dometɔ aɖewo wɔ ahasi ta la, ame akpe blaeve-vɔ-etɔ̃ (23,000) sɔŋ ku le wo dome le ŋkeke ɖeka ko dzi. Nɔviwo, miawo hã migaɖia Kristo nu abe ale si wowɔ eye da ɖu wo dometɔ geɖewo woku ene o. Le esi wolĩ liʋĩliʋĩ ɖe Mawu ŋu ta la, Mawu ɖo mawudɔla aɖe ɖa wòva tsrɔ̃ wo dometɔ geɖewo hã. Nu siawo katã dzɔ ɖe wo dzi be wòanye kpɔɖeŋu kple nusɔsrɔ̃ na mí, ale be míawo hã míagawɔ nu siawo ƒomevi o. Woŋlɔ wo da ɖi na mí be míaxlẽ, ale be míasrɔ̃ nu tso eme le ɣeyiɣi siawo me esi xexea me ƒe nuwuwu tu aƒe. Eya ta ame siwo buna be nu siawo mate ŋu adzɔ ɖe yewo dzi o la nakpɔ nyuie be womagadze tetekpɔ me o. Miɖo ŋku edzi be susu vɔ̃ɖi siwo vaa miaƒe ta me edziedzi la, vaa ame sia ame ƒe ta me nenema ke, menye miawoe nye ame gbãtɔ siwo le nu siawo me tom o. Minya be ame geɖewo to eme va yi. Minyae hã be tetekpɔ aɖeke mesesẽ wu amegbetɔ ƒe tsɔtsɔ o. Miate ŋu aɖo ŋu ɖe Mawu ŋu be ana ŋusẽ mi be miaɖu tetekpɔ dzi, elabena eya ŋutɔ do ŋugbe na mi, eye Mawu ya megbea eƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔ gbeɖe o. Afia afɔɖoƒe mi be miate ŋu ato ɖe sia ɖe me le dzigbɔɖi blibo me. Eya ta nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, mite ɖa le trɔ̃subɔsubɔ gbɔ. Miate ŋu ano nu le kplu eve nu o Menya be nunyalawo mienye eya ta mibu nya si gblɔ ge mala na mi ŋuti kpɔ. Ne míele Aƒetɔ la ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe ɖum la, mí katã míedoa gbe ɖa eye míenoa nu le kplu ɖeka nu. Ɖe esia mefia be mí katã míele yayra ɖeka xɔm tso Kristo ƒe ʋu me oa? Azɔ ne míeka abolo ɖeka me heɖu la, esia hã fia be mí katã míekpɔ viɖe tɔxɛ tso Kristo ƒe ŋutilã me oa? Ne míesɔ gbɔ ale gbegbe hã la, abolo ɖeka ma ko míemana ɖuna. Esia ɖo kpe edzi na mí be mí katã míenye Kristo ƒe ŋutilã ɖeka ma ƒe akpa aɖe. Nenema ke le Israelviwo dome hã la, ame siwo katã ɖua vɔsalẽvi la ƒe ɖe la zua ame ɖeka. Ame aɖe abia be, ɖe mele gbɔgblɔm be legba siwo trɔ̃subɔlawo saa vɔ na la nye Mawu gbagbewo, eye woƒe vɔsawo hã nye nu xɔasiwo mahã? Gbeɖe! Mele nenema kura o. Nu si gblɔm mele boŋ lae nye be ame siwo ɖa nu na legbawo la wɔ ɖeka le gbɔgbɔ vɔ̃wo subɔm, menye Mawu subɔm wole kura o. Azɔ nyemedi be miade ha kple gbɔgbɔ vɔ̃wo to trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsanu siawo ɖuɖu me o. Miate ŋu ano nu le Aƒetɔ la ƒe kplɔ̃ ŋu vɔ agatrɔ aɖanoe le gbɔgbɔ vɔ̃ hã ƒe kplɔ̃ ŋu o; nenema ke miate ŋu aɖu abolo le Aƒetɔ la ƒe kplɔ̃ ŋu vɔ agaɖui le Abosam hã gbɔ o. Nu ka? Ɖe miedi be yewoado dɔmedzoe na Aƒetɔa? Ɖe miebu be miesesẽ wuia? Xɔsetɔ ƒe ablɔɖe Ne ame aɖe di be yeaɖu trɔ̃wo ƒe vɔsanuɖuɖu la, ate ŋu aɖui faa, meda Mawu ƒe se aɖeke dzi o, gake menye eya ta ame naɖu nu sia o. Togbɔ be se aɖeke mexe mɔ nɛ o hã la, ɖewohĩ nuwɔna sia medze tututu be wòawɔ o. Miganye ɖokuitɔdilawo o, ke boŋ mibu mia nɔewo ŋu le miaƒe wɔnawo me. Azɔ ne mieyi asi me la, miƒle lã ɖe sia ɖe si dzram wole, eye migabia be afi ka lãa tso hã o. Ne menye nenema o la, ɖewohĩ ŋuɖoɖo la aɖe fu na miaƒe dzitsinya. Minyae be xexea me katã kple emenu nyuiwo katã nye Aƒetɔ la tɔ eye wòtsɔ wo na mi be miawɔ wo ŋu dɔ le dzidzɔ me. Ne dzimaxɔsetɔ kpe mi kristotɔwo be miva ɖu nu kple ye eye wòdzro mi be miayi la, miate ŋu ayi faa. Nuɖuɖu ɖe sia ɖe si wòtsɔ ɖo mia kɔme la, miɖui eye migabia be, nu ka woɖa hã o. Mizi kpi eye miaɖu nua ekema trɔ̃wo ƒe vɔsanuɖuɖunya mava eme si aɖe fu na miaƒe dzitsinya o. Gake ne miebe yewoaɖu nua ko, ame aɖe gblɔ be wotsɔ nuɖuɖu la sa vɔ na trɔ̃wo gbã hafi tsɔ na mi la, ekema migaɖui o, ɖe nu si ame si gblɔ nya sia na mi la abu tso nu si mieɖu la ŋuti ta. Le nya sia me la, edze be miabu nu si ame sia gblɔ tso nuɖuɖu la ŋuti ŋu vevie. Eye miabia be, nu ka ta wòle be ame bubu ƒe dzitsinya nawɔ mi kluviwoe le nu si mienya be enyo la ŋuti? Ne màte ŋu ada akpe na Mawu ɖe nuɖuɖu la ta ko aɖui la, nu ka ta wòle be mana ame bubu nagblẽ nu siawo katã me, elabena eya bu be meda vo? Nu si ta megblɔ esia ɖo lae nye be ele be miawɔ nu sia nu na Mawu ƒe kafukafu, le miaƒe nuɖuɖu kple nunono gɔ̃ hã me. Eya ta miganye mɔxenu na ame aɖeke o, eɖanye Yudatɔwo, Grikitɔwo alo Mawu ƒe hame la o. Nu si nye ya mewɔna lae nye be medzea agbagba be madze ame sia ame ŋu le nu sia nu me. Menye be malé nu si doa dzidzɔ na nye ŋutɔ ɖeɖe ko me ɖe asi o. Ke boŋ mewɔa nu si nyo na ame bubuwo hã be mate ŋu aɖe wo. Mito nye afɔtoƒe abe ale si nye hã mezɔa Kristo ƒe afɔtoƒe ene. Ɖoɖo na nyɔnuwo le Kristo hamea me Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, enye dzidzɔ nam be mielé nu siwo katã mefia mi la me ɖe asi sesĩe eye miele wɔwɔm ɖe wo dzi pɛpɛpɛ. Miedze na kafukafu! Ke medi be maɖo ŋku nu ɖeka aɖe dzi na mi. Eyae nye be srɔ̃nyɔnu ɖe sia ɖe ƒe tatɔe nye srɔ̃ŋutsu, eye srɔ̃ŋutsu hã ƒe tatɔe nye Kristo, eye Mawu hã nye tatɔ na Kristo. Esia ta menyo be ŋutsu natsyɔ nu ta ne wòle gbe dom ɖa alo le nya gblɔm ɖi o, elabena nuwɔna sia medea bubu eƒe tatɔ Kristo ŋu o. Nenema ke ne nyɔnu aɖe metsyɔ nu ta hafi le gbe dom ɖa alo le nya gblɔm ɖi le amewo dome o la, ekema edo ŋukpe gã aɖe srɔ̃a, elabena efia be mebɔbɔ eɖokui na srɔ̃a o. Ne nyɔnu gbe be yematsyɔ nu ta o la, ekema neko ta boŋ. Ke esi wònye ŋukpe be nyɔnu nako ta la, ele be wòatsyɔ nu eƒe ta boŋ. Mehiã be ŋutsu ya natsyɔ nu ta o, elabena esia nye eɖokui dada ɖe anyi. Ŋutsue nye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe elabena Mawu ŋutɔ ƒe nɔnɔme me wòwɔe ɖo, eye nyɔnu hã nye ŋutsu ƒe ŋutikɔkɔe. Ŋutsu gbãtɔ si Mawu wɔ ɖe xexea me la medo go tso nyɔnu me o, ke boŋ nyɔnue do go tso ŋutsua me. Hekpe ɖe esia ŋuti la, Mawu mewɔ Adam na Eva o, ke boŋ Evae Mawu wɔ na Adam, eya ta ele be nyɔnu natsyɔ nu eƒe ta atsɔ afia be yele ye srɔ̃ ƒe ŋusẽ te, eye abe ɖaseɖiɖi na mawudɔlawo ene. Gake minyae nyuie be Mawu ƒe ɖoɖoe nye be ŋutsu kple nyɔnu siaa hiã na wo nɔewo le woƒe agbenɔnɔ me. Elabena togbɔ be nyɔnu gbãtɔ do go tso ŋutsu me hã la, tso ɣe ma ɣi dzi va se ɖe fifia la, ŋutsuwo do go tso nyɔnu me, eye wo katã tso Mawu, woƒe Wɔla gbɔ. Midrɔ̃e le miawo ŋutɔ mia ɖokui me kpɔ be enyo be nyɔnu naɖe eƒe ta ɖi ƒuƒlu ko anɔ gbe dom ɖa na Mawua? Ɖe dzɔdzɔme ŋutɔ mefia mi be enye ŋukpe be ɖa legbe nanɔ ŋutsu ta oa? Ke enye bubu na nyɔnu be ɖa legbe nanɔ eta elabena ɖa legbe li nɛ ɖe tatsyɔnu teƒe. Nyemedi be ame aɖeke nanɔ nya hem le nu sia ŋu fũu o, elabena nu si ko fiam míele lae nye be ele be nyɔnu natsyɔ nu ta ne wòle gbe dom ɖa alo ne wòle nya gblɔm ɖi le amewo dome. Mawu ƒe hame bubuawo katã lɔ̃ ɖe ɖoɖo sia dzi. Ɖoɖo le Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe ŋu Le ɖoɖo siwo mede asi na mi ta la, nyemate ŋu akafu mi o, elabena miaƒe takpekpewo nana miegblẽna ɖe edzi wu be mianyo. Mese be nyahehe vivivo, dzrewɔwɔ kple mama ɖe ha kukluiwo me sɔŋ koe nye nu si dzɔna le hame la me. Mexɔe se hã be nu siawo le eme vavã. Enyo be mama va mia dome, be ame siwo li ke le Mawu me la nadze ƒãa le mia dome. Azɔ ne mieva ƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka hele nu ɖum la, menye Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la ɖuɖue nye ema o. Mese be nu si dzɔna lae nye be ne miesɔ be yewoaɖu nu la, ame aɖewo mekpɔa naneke tsɔna vanɛ o. Ame aɖewo ya tsɔa nu geɖewo vanɛ. Ame siawo ɖua nu siwo woawo ŋutɔ tsɔ vɛ la katã, eye wonoa aha muna. Evɔ la, ame aɖewo ya nɔa dɔmeɣi. Nu ka! Enye nyateƒe be nu siawo le edzi yim le mia domea? Miate ŋu aɖu nu alo ano nu le aƒe me oa? Ɖe wòle be miado ŋukpe Mawu ƒe hamea eye miaɖi gbɔ̃ ame siwo si naneke mele oa? Esi miele esia wɔm la, ɖe miedi be makafu yewoa? Gbeɖe, nyemakafu mi akpɔ o. Elabena megblɔ nu si tututu Aƒetɔ la ŋutɔ gblɔ le Nuɖuɖu Kɔkɔe la ŋu na mi xoxo eye eyae nye be: Le zã si me wodee asi la, Aƒetɔ Yesu tsɔ abolo ɖe asi, eye esi wòdo gbe ɖa heda akpe na Mawu ɖe eta vɔ la, eŋe eme, eye wòtsɔe na eƒe nusrɔ̃lawo hegblɔ na wo be, “Mixɔe ɖu. Esiae nye nye ŋutilã si wotsɔ na ɖe mia ta. Miwɔ esia ne miatsɔ aɖo ŋku dzinye.” Nenema ke esime woɖu nua vɔ hã la, etsɔ wainkplu la, eye wògblɔ be, “Kplu siae nye Mawu kple amegbetɔwo ƒe nubabla yeye le nye ʋu me, ɣe sia ɣi si mianoe la, miatsɔe aɖo ŋku dzinye.” Elabena ɣe sia ɣi si miaɖu abolo sia eye miano wain sia la, ekema miele gbeƒã ɖem Aƒetɔ la ƒe ku. Minɔ esia dzi va se ɖe esime wòagatrɔ ava. Eya ta ne ame aɖe aɖu abolo sia eye wòano nu le Aƒetɔ la ƒe kplu sia nu madzemadzee la, ekema awɔ nu vɔ̃ ɖe Aƒetɔ ƒe ŋutilã kple ʋu la ŋu. Eya ta ele vevie be ame nadzro eɖokui me akpɔ nyuie hafi aɖu abolo sia, eye wòano nu le Aƒetɔ ƒe kplu la nu. Elabena ne ame aɖe ɖu abolo sia, eye wòno nu le kplu sia nu, le esime mese wɔna sia ƒe vevinyenye gɔme tututu o la, ekema ele Mawu ƒe dziku kple ʋɔnudɔdrɔ̃ hem va eɖokui dzi, elabena mebu Kristo ƒe ku la ɖe naneke me kura o. Esiae na be mia dometɔ geɖewo gbɔdzɔ le ŋutilã me, ɖewo le dɔ lém eye ɖewo ku gɔ̃ hã. Ne miedzro mia ɖokuiwo me kpɔ nyuie hafi ɖu Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔea la, ekema ʋɔnudɔdrɔ̃ alo tohehe aɖeke meli na mi o. Ke ne Mawu drɔ̃ ʋɔnu mi, eye wòhe to na mi la, ɖe wòwɔe be womagabu fɔ mi abe xexea me tɔ mamlɛawo ene o. Eya ta nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, ne mieva be yewoaɖu Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔea la, milala va se ɖe esime ame sia ame va ƒo ƒu hafi miadze egɔme. Ne dɔ le ame aɖe wum vevie la, ekema neɖu nu le aƒe me kpoo, ale be eƒe nuwɔna magahe tohehe va edzii o. Nɔviwo, ne meva ɖo mia gbɔ hã, míalé nya mamlɛawo akpɔ. Gbɔgbɔ la ƒe nunana tɔxɛwo Azɔ la, nɔviwo, medi be maŋlɔ nu na mi tso nunana tɔxɛ siwo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la naa mía dometɔ ɖe sia ɖe la ŋu, elabena nyemedi be nugɔmemasemase aɖeke nanɔ wo ŋu o. Miaɖo ŋku edzi be hafi miazu kristotɔwo la, mienye trɔ̃subɔlawo. Mietso legba ɖeka gbɔ yi bubu gbɔ, eye wolé míaƒe susu hekplɔ mi trae le legba maƒonu siawo gbɔe. Medi be mianya be ame sia ame si tsɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ le nu ƒom la, mate ŋu agblɔ be, “Yesu ƒe fiƒode neva dziwò” o, eye ame aɖeke mate ŋu agblɔ nyateƒetɔe be, “Yesu nye Aƒetɔ” o, negbe to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe kpekpeɖeŋu me ko. Azɔ la, nunana tɔxɛ ƒomevi geɖewo li gake Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖeka ma koe nye wo katã ƒe dzɔtsoƒe. Subɔsubɔdɔ vovovowo li, ke Aƒetɔ ɖeka ma ko subɔm míele. Mawu toa mɔ vovovowo dzi wɔa eƒe dɔ le míaƒe agbenɔnɔ me, ke Mawu ɖeka ma ke koe wɔa eƒe dɔ to mí ame siwo katã nye etɔwo la dzi. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖea Mawu ƒe ŋusẽ fiana toa mía dometɔ ɖe sia ɖe me eye wòtoa esia dzi kpena ɖe hame blibo la ŋu. Gbɔgbɔ la naa ŋutete ame aɖe be wòaɖo aɖaŋu nyuie. Ame bubu anyo ŋutɔ le nusɔsrɔ̃ kple nufiafia me, eye esiae nye eya hã ƒe nunana tso Gbɔgbɔ ma ke gbɔ. Gbɔgbɔ la kee naa xɔse ame aɖe eye wònaa dɔyɔyɔ ƒe ŋusẽ ame bubu. Enaa ŋusẽ ame aɖewo be woawɔ nukunuwo, eye wònaa nyagblɔɖi kple mawunyagbɔgblɔ ƒe ŋusẽ ame bubuwo! Enaa ŋusẽ ame aɖewo be woanya nenye gbɔgbɔ vɔ̃woe le nu ƒom to ame siwo be Mawu ƒe nya gblɔm yewole la dzi loo alo nenye Mawu ƒe Gbɔgbɔe le nu ƒom nyateƒe. Hekpe ɖe esia ŋu la, enaa ŋusẽ ame aɖe be wòate ŋu agblɔ gbe si mesrɔ̃ kpɔ o, eye wònaa ŋusẽ ame bubu siwo hã menya gbe ma o la be woase nu si gblɔm nuƒola la le gɔme. Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖeka ma ke koe naa ŋusẽ kple nunana siawo katã eye wòtiaa esi dze na mía dometɔ ɖe sia ɖe la na mí. Ŋutilã ɖeka gake ŋutinu geɖewo Ŋutinu geɖewo le míaƒe ŋutilã ŋu, ke ŋutinu geɖe siawo la, ŋutilã ɖeka ko wozuna ne wotsɔ wo katã ƒo ƒu. Nenema tututue wòle le Kristo ƒe “ŋutilã” gome hã, elabena wotsɔ Gbɔgbɔ ɖeka ma de mawutsi ta na mí katã ɖe ŋutilã ɖeka me, eye mí katã mieno Gbɔgbɔ ɖeka ma, eɖanye Yudatɔ o, alo Grikitɔ o, kluvi alo ablɔɖevi o. Ɛ̃, ŋutinu geɖewo le ŋutilã la ŋu, menye ŋutinu ɖeka koe wɔ ŋutilã o. Ne afɔ agblɔ be, “Nyemenye ŋutilã ƒe akpa aɖe o, elabena nyemenye asi o” la, mefia be eya ta afɔ menye ŋutinu abe bubuawo ene o. Nu ka nàbu ne èse to wògblɔ be, “Nyemenye ŋutilã la ƒe akpa aɖeke o elabena to ko menye, nyemenye ŋku o”? Ɖe esia awɔe be megade blibo abe ŋutinu ɖeka ene oa? Ne ŋutilã blibo la nye ŋku ko la, ekema aleke wòawɔ hafi ase nu? Alo ne wò ŋutilã blibo la nye to gã ɖeka la, aleke nàwɔ hafi ase nane ƒe ʋeʋẽ? Ke, menye nenemae Mawu wɔ mí o. Ewɔ míaƒe ŋutilã ƒe ŋutinu geɖewo eye wòtsɔ ŋutinu ɖe sia ɖe ɖo afi si tututu wòdi be wòanɔ. Míaƒe ŋutilã anye nu wɔnuku aɖe ne wònye ŋutinu ɖeka koe wɔe! Eya ta Mawu wɔ ŋutinu geɖewo, ke ŋutilã ɖeka koe li. Ŋku mate ŋu agblɔ na asi be, “Nyemehiã wò o.” Ta mate ŋu agblɔ na afɔ be, “Nyemehiã wò o.” Ŋutinu siwo míabu be wonye nu gblɔewo, eye womele vevie o la woe nye esiwo hiã wu. Ɛ̃, dzi dzɔa mí ŋutɔ be ŋutinu aɖewo le mía ŋu, eye wodzena abe bubu mele wo ŋu o ene. Míeɣlaa ŋutinu siwo ame bubuwo makpɔ o, ke míeɣlaa ŋutinu siwo ame bubuwo ate ŋu akpɔ la nenema o. Ale Mawu wɔ ŋutilã le mɔ sia nu be míatsɔ bubu kple beléle na ŋutinu tɔxɛ aɖewo, ne menye nenema o la, adze abe ɖe womele vevie tututu o ene. Nu sia naa dzidzɔkpɔkpɔ nɔa ŋutinuwo dome, ale ŋutinuawo tsɔa beléle na wo nɔewo abe woawo ŋutɔ ke ene. Ne fukpekpe va ŋutinu ɖeka dzi la, ŋutinu bubuawo katã kpea fu kplii, ke ne wode bubu ŋutinu ɖeka ŋu la, bubuawo katã tsoa aseye. Nu si mele agbagba dzem be magblɔ lae nye esi. Mí katã míeƒo ƒu zu Kristo ƒe ŋutilã ɖeka, eye mía dometɔ ɖe sia ɖe nye eƒe ŋutinu ɖeka si le vevie. Nu siawoe nye ɖoƒe siwo Mawu ɖo ɖe eƒe hame si nye eƒe ŋutilã me la dometɔ aɖewo. Gbãtɔ, apostolowo; evelia, nyagblɔɖilawo; etɔ̃lia, nufialawo; emegbe nukunuwɔlawo, dɔyɔlawo, kpekpeɖeŋunalawo, dɔdzikpɔlawo, ame siwo ƒoa nu kple gbegbɔgblɔ bubu ƒomeviwo. Ame sia amee nye apostoloa? Ao! Ame sia amee nye nyagblɔɖilaa? Ao! Ame sia amee nye nufialaa? Ɖe ŋusẽ le ame sia ame si be wòawɔ nukunuwoa? Ɖe ame sia ame si xɔ amenuveve ƒe nunana ate ŋu ayɔ dɔ dɔnɔwoa? Kura o! Ɖe Mawu na ŋusẽ mía dometɔ ɖe sia ɖe be míaƒo nu le gbe siwo míesrɔ̃ kpɔ o la mea? Ɖe ame sia ame ate ŋu ase nu si gbe bubu gblɔlawo le gbɔgblɔm, eye wòaɖe egɔmea? Ao, ke midze agbagba be miaƒe asi nasu nunana siwo le vevie wu esiawo la dzi. Azɔ la, mina maƒo nu na mi tso mɔ bubu aɖe si nyo wu esiawo katã la ŋu. Lɔlɔ̃ ƒo nuwo katã ta le xexea me Ne metsɔ amewo kple mawudɔlawo ƒe gbegbɔgblɔ ƒo nui, evɔ lɔlɔ̃ mele asinye o la, ɖeko mele abe gakogoe alo ayawagba ƒe ɖiɖi ene. Ne nyagblɔɖi ƒe nunana le asinye, eye nunya katã hã le asinye be mate ŋu ase nu ɣaɣlawo gɔme, eye ne xɔse le asinye be maɖe gbe na towo be woaho, evɔ lɔlɔ̃ mele asinye o la, nyemenyo na naneke o. Nenye ɖe matsɔ nu sia nu si le asinye la ana ame dahewo, eye matsɔ nye ŋutilã ana be woatɔ dzoe, gake nyemelɔ̃a amewo o la, viɖe aɖeke kura manɔ nu sia ŋu o. Lɔlɔ̃ gbɔa dzi ɖi blewuu, eye wònyoa dɔme. Lɔlɔ̃ mebiã ŋu hã o; meƒoa adegbe o, eye medana o. Lɔlɔ̃ medoa eɖokui ɖe dzi o, media eɖokui tɔ o, eye mefiaa amemabumabu hã o. Lɔlɔ̃ mebiaa dzi o, meléa ehavi ɖe dɔ me o, eye medea dzesi nu vɔ̃ siwo amewo wɔ ɖe eŋu ɖi o. Lɔlɔ̃ medzɔa dzi le nu madzɔmadzɔ ŋu o, ke ekpɔa dzidzɔ le nyateƒe la me. Lɔlɔ̃ menaa ta o, ekana ɖe nu dzi ɣe sia ɣi, ekpɔa mɔ ɣe sia ɣi, eye wòdoa vevi nu ɣe sia ɣi. Lɔlɔ̃ la nu metsina gbeɖe o. Nyagblɔɖiwo katã nu ava yi, afi si aɖe yeye gbɔgblɔ le la atɔ eye afi si sidzedze le la, enu ava yi, elabena míenya nu afã kple afã, eye míegblɔa nya ɖi afã kple afã, gake ne blibodede va la, ekema nu si mede blibo o la abu ɖa. Esi menye ɖevi la, meƒo nu, eye mebu ta me abe ɖevi ene. Ke esi metsi la, nye susuwo tsi sãa wu nye ɖevimesusuwo, eye azɔ la meɖe asi le ɖevimenuwo ŋu. Ke azɔ la, nu siwo li la ƒe vɔvɔli ko kpɔm míele le ahuhɔ̃e me, emegbe míakpɔ nuawo ŋkume kple ŋkume. Azɔ la, menya nu afã kple afã; emegbe la, manyae blibo, abe ale si wonyam keŋkeŋkeŋ egbea ene. Nu etɔ̃e nɔa anyi ɖaa. Esiawoe nye xɔse, mɔkpɔkpɔ kple lɔlɔ̃, eye nu si ƒo wo katã ta lae nye lɔlɔ̃. Nyagblɔɖi kple aɖe yeye nunanawo Mina lɔlɔ̃ nanye miaƒe taɖodzinu gãtɔ, ke mibia nunana tɔxɛ siwo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nana hã, vevietɔ nyagbɔgblɔɖi ƒe nunana hena Mawu ƒe nyawo gbɔgblɔ. Ke ne wò nunanae nye be nàte ŋu agblɔ “gbe bubuwo” si gɔmee nye nàƒo nu le gbe siwo mèsrɔ̃ kpɔ o me la, ànɔ nu ƒom na Mawu ko, ke menye na amewo o, esi amewo mate ŋu ase wò nyawo gɔme o ta. Àƒo nu kple Gbɔgbɔ la ƒe ŋusẽ, ke wò nuƒoƒo la katã anye nya ɣaɣla. Ke ame si gblɔa nya ɖi, eye wògblɔa Mawu ƒe nya la le kpekpeɖeŋu nam ame bubuwo be woatsi le Aƒetɔ la me, eye wòle ŋusẽ dom wo, hele akɔ fam na wo. Ale ame si “gblɔa gbe bubuwo” la kpena ɖe eɖokui ŋu, eye wòtsina le gbɔgbɔ me, ke ame si gblɔa nya ɖi, eye wògblɔa nya siwo tsoa Mawu gbɔ la kpena ɖe hame blibo la ŋu be wòatsi le kɔkɔenyenye kple dzidzɔkpɔkpɔ me. Madi be “gbe bubuwo gbɔgblɔ” ƒe nunana nanɔ mia dometɔ ɖe sia ɖe si, ke nu si wu esiae nye be mi katã miate ŋu agblɔ nya ɖi, agblɔ Mawu ƒe nya, elabena esia nye ŋusẽ gã kple ŋusẽ si ŋu viɖe le wu be woagblɔ gbe manyamanyawo, negbe ne miate ŋu aɖe nya siwo miegblɔ la gɔme na amewo emegbe, ale be hame la nakpɔ ŋgɔdede. Nɔvi lɔlɔ̃awo, ne nye ŋutɔ mava aƒo nu na mi le gbe si mienya o me la, viɖe ka wòanye na mi? Ke ne magblɔ nu si Mawu ɖe fiam kple nu siwo menya kple nu siwo le eme va ge kple Mawu ƒe nya si nye nyateƒe la, nu siawoe miehiã eye woawoe akpe ɖe mia ŋu. Mate ŋu atsɔ dzewo alo kasaŋkuwo aɖo kpɔɖeŋu, afia be nyagbɔgblɔ le gbe siwo míenya me la le vevie wu le gbe siwo míenya o la me. Ame aɖeke manya ha si kum wole o, negbe ɖeko woku gbeɖiɖi ɖe sia ɖe pɛpɛpɛ eme kɔ. Ne aʋakpẽkula meku gbeɖiɖiawo pɛpɛpɛ o la, aleke asrafoawo awɔ hafi anya be wole yewo yɔm na aʋakpekpe? Nenema ke, ne ègblɔ nya na ame aɖe le gbe si menya o me la, aleke wòawɔ hafi anya nya si gblɔm nèle? Asɔ kple nànɔ nu ƒom le xɔ si me ame aɖeke mele o la me. Mebu be gbe vovovo geɖewo le xexea me, eye wo katã nye gbe xɔasiwo na wo gblɔlawo, ke womenye naneke na nye ya o. Ame si aƒo nu nam le gbe siawo dometɔ ɖeka me la anye amedzro nam, eye nye hã manye amedzro nɛ. Esi miele didim vevie alea be yewoaxɔ nunana tɔxɛwo tso Mawu ƒe Gbɔgbɔ la gbɔ la, mibia nu nyuitɔ kekeakee; mibia nu siwo anye tutuɖedzi na hame blibo la. Ne wona nunana ame aɖe be wòate ŋu agblɔ nya le gbe manyamanyawo me la, ele be wòado gbe ɖa be woana nunana ye be yeanya nu si yegblɔ, ale be yeate ŋu aɖe egɔme na amewo emegbe. Elabena ne mado gbe ɖa le gbe si nyemenya o me la, nye gbɔgbɔ ado gbe ɖa gake nyemanya nya si megblɔ o. Ekema nu ka mawɔ? Mawɔ nu eve siawo. Mado gbe ɖa kple gbɔgbɔ eye magado gbe ɖa le kple tamesusu, ale be ame sia ame nase egɔme. Madzi ha le gbe manyamanyawo me eye magadzii le gbe nyanyɛ la hã me, ale be mase kafukafuha si dzim mele la gɔme, elabena ne èkafu Mawu, eye nèda akpe nɛ le gbɔgbɔ me ko kple nuƒoƒo le gbe bubu me la, ame siwo mese nu si wɔm nèle gɔme o la ate ŋu agblɔ “Amen” kpli wòa? Aleke woate ŋu akpe ɖe ŋuwò miada akpe na Mawu ne womese nu si gblɔm nèle la gɔme o? Àte ŋu anɔ akpe dam vevie, gake manye kpekpeɖeŋu aɖeke na ame bubuawo o. Meda akpe na Mawu be, “megblɔa gbe manyamanyawo” le ɖokuinye si wu mia dometɔ ɖe sia ɖe. Ke ne míele Mawu subɔm le hame la, anyo be magblɔ nya atɔ̃ siwo gɔme amewo ase, eye wòanye kpekpeɖeŋu na wo wu magblɔ nya akpe ewo “ɖe gbe manyamanyawo me.” Nɔvi lɔlɔ̃awo; migazu abe ɖeviwo ene le nu siawo gɔmesese me o. Mizu abe ɖevi maɖifɔwo ene le ɖoɖowɔwɔ ɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ŋu me, ke mizu ame nugɔmeselawo le nya siawo tɔgbi gɔmesese me. Wogblɔe na mí le Nubabla Xoxoa me be, “Matsɔ ame bubuwo ƒe aɖewo kple ame bubuwo ƒe nuyiwo aƒo nu kple dukɔ sia, ke le ɣe ma ɣiwo me gɔ̃ hã la, womaɖo tom o, Aƒetɔ la gblɔe.” Ale miakpɔe be nuƒoƒo le gbe bubuwo me, nye dzesi, menye Mawu ƒe ŋusẽ ɖeɖefia Mawu ƒe amewo o, ke boŋ enye ɖeɖefia na ame siwo mekpɔ ɖeɖe o. Nu si kristotɔwo hiã lae nye nyagbɔgblɔɖi si nye gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe nyateƒenya detoawo; ke dzimaxɔsetɔwo mele klalo nɛ o. Hekpe ɖe esia ŋu la, ne ame si mekpɔ ɖeɖe o alo ame si si nunana siawo mele o, ava miaƒe sɔleme, eye wòase mi katã mianɔ gbe bubuwo gblɔm la, abu mi tsukunɔwoe. Ke ne mi katã miegblɔ nya ɖi, eye miegblɔ Mawu ƒe nya la, togbɔ be xɔsetɔwoe miegblɔa nya siawo na hã la, ame aɖe si mekpɔ ɖeɖe o alo kristotɔ yeye aɖe si va, eye mese nu siawo gɔme o la, nyagbɔgblɔ siawo katã ana wòadze sii be nu vɔ̃ wɔla yenye. Ekema nya sia nya si wòase la awɔ dɔ ɖe eƒe dzitsinya dzi. Esime wòle to ɖom la, ahe eƒe susu ɣaɣlawo ɖe go, adze klo asubɔ Mawu eye wòaɖe gbeƒã be vavã Mawu le mia dome le afi ma. Sɔlemewɔwɔ ƒe ɖoɖowo Azɔ la nɔviwo, nu kae míagagblɔ? Ne miekpe ta la, ame aɖewo adzi ha, ame bubu aɖe afia nu alo agblɔ gbedeasi tɔxɛ aɖe si Mawu nae alo agblɔ nya le gbe manyamanya aɖe me alo aɖe nya si ame bubu aɖe le gbɔgblɔm le gbe manyamanya aɖe me la gɔme. Ke ele be nu sia nu si woawɔ la nanye viɖe na ame sia ame, eye wòatu wo ɖo ɖe Aƒetɔ la me. Ame siwo aƒo nu le gbe manyamanyawo me la mawu eve alo etɔ̃ o. Woaƒo nu ɖekaɖeka, eye ele be ame aɖe nanɔ klalo aɖe nu si gblɔm wole la gɔme. Ke ne ame aɖeke meli aɖe nyaawo gɔme o la, ekema mele be woaƒo nu le ha la me o, ke boŋ woaƒo nu na wo ɖokuiwo kple Mawu ko le gbe manyamanya la me, ke menye woaƒo nu sesĩe na ameha la o. Ale Nyagblɔɖilawo la, ame eve alo ame etɔ̃ naƒo nu eye ame mamlɛawo nadzro nu siwo gblɔm wole la me kpɔ nyuie. Ke nenye be ɖeɖefia aɖe va na ame siwo nɔ anyi dometɔ aɖe la, ekema ame gbãtɔ nazi ɖoɖoe, ana mɔ nɔvia. Ale ame siwo katã si nyagbɔgblɔɖi ƒe nunana le la ate ŋu aƒo nu ɖekaɖeka, eye ame sia ame nasrɔ̃ nu, eye nu si wòsrɔ̃ la nade dzi ƒo nɛ, eye wòakpe ɖe eŋu. Miɖo ŋku edzi be ame si xɔ gbedeasi aɖe tso Mawu gbɔ la ate ŋu azi eɖokui dzi alo alala va se ɖe esime wòaɖo edzi be wòaƒo nu. Mawu menye ame si lɔ̃na be woawɔ nuwo basabasa o; elɔ̃a nuwo wɔwɔ ɖe ɖoɖo nyuitɔ nu abe ale si wòle le hame bubuwo katã me ene. Ele be nyɔnuwo nazi ɖoɖoe le hamea ƒe takpekpewo me. Womade nu nyameɖeɖewo me o, elabena wole ŋutsuwo te abe ale si se la hã fia ene. Ne nya aɖe le wo si woabia la, woabia wo srɔ̃wo le aƒe me, elabena mesɔ be nyɔnuwo naɖe woƒe susuwo afia le hamea ƒe takpekpewo me o. Mia gbɔe Mawu ƒe nya dze egɔme tsoa? Alo miawo gbɔ koe wòɖoa? Ne ame aɖe susu be yenye nyagblɔɖila alo gbɔgbɔmenunana le ye si la, nexɔe se be nu siwo meŋlɔ na mi la nye sedede tso Aƒetɔ la gbɔ. Gake ne ame aɖe gbe nya siawo xɔxɔ kokoko la, migblẽe ɖe eƒe numanyamanya me. Eya ta nɔvi xɔsetɔwo, midi vevie be miagblɔ nya ɖi, eye migaxe mɔ na aɖe bubuwo gbɔgblɔ o. Ke boŋ mikpɔ egbɔ be yewowɔ nu sia nu nyuie to mɔ nyuitɔ dzi le ɖoɖo nyuitɔ nu. Kristo ƒe tsitretsitsi Azɔ la, nɔviwo, mina maɖo ŋku nu si tututu nyanyui la nye la dzi na mi elabena nyanyui la metrɔ o; nyanyui ma kee megblɔ na mi kpɔ. Miexɔe nyuie tsã kple fifia siaa elabena mieɖo miaƒe xɔse la anyi sesĩe ɖe nya wɔnuku sia dzi. Nyanyui sia ke dzie mieto kpɔ ɖeɖe, ne mielé nya si megblɔ na mi la me ɖe asi sesĩe ko. Ne menye nenema o la, ekema miaƒe xɔse la nye dzodzro. Elabena metsɔ nu si mexɔ la de asi na mi, abe nu gbãtɔ si le vevie ene be Kristo ku ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be wòaku ene. Woɖii eye le ŋkeke etɔ̃ megbe la, efɔ tso yɔdo la me abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo gblɔe ene. Eɖe eɖokui fia Kefa gbã, eye emegbe ame wuieveawo dometɔ bubuawo hã kpɔe. Le esia megbe la, kristotɔwo wu alafa atɔ̃ kpɔe zi ɖeka. Ame siawo dometɔ aɖewo gale agbe, ke ɖewo hã ku. Yakobo kpɔe, eye emegbe la, apostoloawo katã kpɔe. Nyee nye ame mamlɛtɔ si kpɔe; nye ame si le abe vidzĩ si ƒe ŋkeke mede hafi wodzi o ene ɖe ame bubuawo katã yome abe ɖe wotsi megbe akpa hafi dzim na ekpɔkpɔ ene. Elabena nyee nye apostoloawo katã dometɔ suetɔ eye le ale si mewɔ fu Mawu ƒe hamea ta la, mele be woayɔm gɔ̃ hã be apostolo hafi o. Ke nu sia nu si menye fifia la tso Mawu ƒe dɔmenyo kple amenuveve si tɔgbi wòkɔ ɖe dzinye la gbɔ, eye menye dzodzroe o. Elabena mewɔ dɔ sesĩe wu apostolo bubuawo katã, evɔ le nyateƒe me la, menye nyee le ewɔm o, ke Mawue le ewɔm le menye, be yeayram. Nenye nyee alo woawoe wɔ dɔ sesĩe wu hã la, vovototo aɖeke mele eme o. Nu vevitɔe nye be míegblɔ nyanyui la na mi eye miexɔe se. Ame kukuwo ƒe tsitretsitsi Ke ne woɖe gbeƒã be Kristo fɔ tso ame kukuwo dome la, aleke mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be ame kukuwo ƒe tsitretsitsi aɖeke meli o mahã? Elabena ne ame kukuwo ƒe tsitretsitsi meli o la, ekema womefɔ Kristo hã ɖe tsitre o. Eye ne womefɔ Kristo ɖe tsitre o la, ekema viɖe aɖeke mele míaƒe mawunyagbɔgblɔ me o, eye míaƒe Mawudzixɔse nye nu gbɔlo kple nu dzodzro kple nu si ŋu mɔkpɔkpɔ aɖeke mele o, eye wogakpɔa mí hã abe Mawu ƒe aʋatsoɖaseɖilawo ene, elabena míegblɔ be Mawu fɔ Kristo tso yɔdo me. Nenye be ame kukuwo metsia tsitre o la, ekema Kristo ganye ame kuku kokoko. Ke ne Kristo metsi tsitre o la, míaƒe xɔse nye dzodzro, eye míegale míaƒe nu vɔ̃wo me. Ne ele nenema la, ekema kristotɔ siwo katã ku la bu, eye ne míekpɔ mɔ na Kristo le agbe sia me ɖeɖe ko la, ekema míenye nublanuitɔ gãtɔwo wu amewo katã. Ke nyateƒe lae nye be Kristo tsi tsitre tso ame kukuwo dome vavã eye wòzu gbãtɔ na ame akpeakpe siwo ava tsi tsitre gbe ɖeka. Ku va xexea me le nu si ame ɖeka, Adam, wɔ la ta eye le nu si ame bubu sia, Kristo, wɔ la ta la, tsitretsitsi tso ame kukuwo dome li azɔ. Elabena ale si amewo katã ku le Adam me la, nenema ke woagbɔ agbe amewo katã hã le Kristo me. Ame sia ame atsi tsitre le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi dzi: Kristo tsi tsitre gbã eye ne Kristo gatrɔ va la, eƒe amewo katã agagbɔ agbe. Le ema megbe la, Kristo aɖu futɔ ɖe sia ɖe kple fiaɖuƒe kpakple ŋusẽ ƒomevi ɖe sia ɖe dzi. Nuwuwu la ava eye wòatsɔ fiaɖuƒe la ade asi na Mawu, Fofo la. Eya ta Kristo aɖu fia va se ɖe esime wòaɖu eƒe futɔwo katã dzi, eye wòaɖu futɔ mamlɛtɔ si nye ku gɔ̃ hã dzi. Woaɖu eya hã dzi, eye woaɖee ɖa, elabena Fofo la tsɔ dziɖuɖu kple ŋusẽkpɔkpɔ ɖe nu sia nu dzi na Kristo, ke Kristo meɖu Fofo la ŋutɔ, ame si tsɔ ŋusẽ sia nɛ be wòaɖu dzi la ya dzi o. Ne Kristo ɖu dzi le aʋa si wɔm wòle kple eƒe futɔwo katã me mlɔeba la, ekema eya, Mawu ƒe Vi la, atsɔ eya ŋutɔ hã ade Fofoa ƒe ɖoɖowo te, ale be Mawu, ame si na dziɖuɖui ɖe nu bubu ɖe sia ɖe dzi la azu tatɔ alo dziɖula gãtɔ. Ne ame kukuwo magatsi tsitre o la, ekema viɖe kae le mawutsidede ta na amewo ɖe ame kukuwo nu me? Nu ka ta wòle be miawɔe ne miexɔe se be ame kukuwo magatsi tsitre o? Eye nu ka ta wòle be míatsɔ míaƒe agbe ade xaxa me anɔ ku ƒe asi me ɣe sia ɣi? Enye nyateƒe be menɔa ku ƒe asi me gbe sia gbe. Esia nye nyateƒe abe ale si medana le miaƒe tsitsi le Kristo Yesu míaƒe Aƒetɔ la me la ta ene. Nenye ame ƒe susu nue mewɔ avu kple lã wɔadã mawo le Efeso la, ekema viɖe ka wònye nam? Ne womefɔ ame kukuwo ɖe tsitre o la, “Ekema anyo be míaɖu nu, ano nu eye míakpɔ dzidzɔ, elabena etsɔ míaku eye nu sia nu ase afi ma.” Migana ame siwo gblɔa nya siawo la nado lã mi o. Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔwɔ nyuiwo. Miwɔ susu ŋu dɔ eye miadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ. Mia dometɔ aɖewo menya Mawu o, mele esia gblɔm be ŋu nakpe mi. Ale si míaƒe tsitretsitsiŋutilã anɔ Ke ame aɖe abia be, “Aleke ame kukuwo le fɔfɔ ge ɖe tsitre mahã? Ŋutilã ka tɔgbie anɔ wo si?” Biabia sia nye abunɛtɔwo ƒe biabia! Ne mietsɔ nuku aɖe de to me la, metsina zua ati o negbe ɖeko “wòaku” gbã hafi. Eye ne nuku la mie la, nu miemie la toa vovo sãa tso nuku si mieƒã gbã la gbɔ. Nu si miede to me la nye bliku sue aɖe ko alo nuku bubu aɖe si mieƒã. Emegbe la, Mawu naa dzedzeme nyui yeye aɖee; nɔnɔme si eya ŋutɔ di be wòanɔ esi. Ati bubu ƒomevi doa go tso nuku ɖe sia ɖe ƒomevi me. Abe ale si nuku kple ati ƒomevi vovowo li ene la, nenema kee ŋutilã ƒomevi vovovowo hã li. Amegbetɔwo, lãwo, tɔmelãwo kple xeviwo ƒe ŋutilãwo to vovo. Nuwɔwɔ siwo le dziƒo la ƒe nɔnɔme to vovo sãa tso esiwo le anyigbadzitɔ gbɔ. Nenema ke woƒe nyonyo kple ŋutikɔkɔe hã to vovo tso mia tɔ gbɔe. Ŋutikɔkɔe aɖe ƒomevi le ɣe si, eye ŋutikɔkɔe ƒomevi bubu le ɣleti kple ɣletiviwo hã si eye ɣletiviwo to vovo tso wo nɔewo gbɔ le nyonyo kple keklẽ me. Nenema ke míaƒe anyigbadziŋutilã siwo kuna, eye wonyunyɔna la to vovo tso ŋutilã siwo anɔ mía si ne míetsi tsitre la gbɔ, elabena woawo ya magaku gbeɖe o. Ŋutilã siwo nye mía tɔ fifia la ɖea fu na mí elabena woléa dɔ, eye wokuna, ke ŋutikɔkɔe ayɔ wo me ne míeva tsi tsitre. Ɛ̃, wonye ŋutilã siwo gbɔdzɔna, eye wokuna fifia, ke ne míeva tsi tsitre la, ŋusẽ ayɔ wo me fũu. Wonye dzɔdzɔmeŋutilãwo ko le ku me, ke ne míeva tsi tsitre la, woanye gbɔgbɔmeŋutilãwo elabena abe ale si amegbetɔwo ƒe ŋutilã dzɔdzɔmetɔwo li ene la, nenema ke ŋutilã siwo nye gbɔgbɔmetɔwo hã li. Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔe na mí be, “Ame gbãtɔ, Adam, zu luʋɔ gbagbe.” Ke Adam mamlɛtɔ la zu gbɔgbɔ si na agbe. Ale menye gbɔgbɔmetɔe nye gbãtɔ o, ke boŋ dzɔdzɔmetɔ lae. Eya megbe hafi gbɔgbɔmetɔ va. Ame gbãtɔ si tso anyigba me la nye anyi, ame evelia nye Aƒetɔ si tso dziƒo. Ŋutilã le amegbetɔ ɖe sia ɖe si abe Adam tɔ ene. Wowɔe tso anyi me, ke ame siwo katã zu Kristo tɔ la, Kristo ƒe ŋutilã tɔgbi, si anye ŋutilã si tso dziƒo la anɔ wo si. Abe ale si anyigbadzitɔa ƒe nɔnɔme le mía ŋu la, nenema kee dziƒotɔa ƒe nɔnɔme anɔ mía si gbe ɖeka. Nɔvinyewo, megblɔ esia na mi: Anyigbadziŋutilã si nye lã kple ʋu la, mate ŋu ayi mawufiaɖuƒe la me o. Míaƒe ŋutilã siwo gblẽna la menye ŋutilã nyuitɔ siwo anɔ agbe tegbee o. Ke mele nya ɣaɣla wɔnuku sia gblɔm na mi: Mí katã míaku o, ke woana ŋutilã yeyewo mí katã. Nu siawo katã ava eme le aɖabaƒoƒo ɖeka me ne woku kpẽ mamlɛtɔ. Elabena woaku kpẽ aɖe tso dziŋgɔlĩ me eye kristotɔ siwo katã ku la atsi tsitre enumake kple ŋutilã yeye siwo maku akpɔ o eye mí ame siwo gale agbe la, woana ŋutilã yeyewo míawo hã enumake. Elabena ele be woatrɔ míaƒe anyigbadziŋutilã siwo le mía si fifia, eye woate ŋu aku la woazu dziƒoŋutilã siwo mate ŋu agblẽ o, ke boŋ woanɔ agbe tegbee. Ne eva dzɔ alea la, ekema Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me nyawo ava eme be, “Womi ku le dziɖuɖu me.” O, ku, afi ka wò dziɖuɖu la le? O, ku afi ka wò ti la le? Elabena ku ƒe ti nye nu vɔ̃, eye nu vɔ̃ ƒe ŋusẽ nye se la. Míeda akpe na Mawu le esiawo katã ta! Eyae wɔ mí dziɖulawoe to Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la dzi! Eya ta nɔvi lɔlɔ̃awo, esi kakaɖedzi li be míava ɖu dzi ta la, misẽ ŋu, eye minɔ te. Mina miaƒe dɔwɔwɔ le Aƒetɔ la me nagbã go ɖaa, elabena mienya be nu sia nu si miawɔ na Aƒetɔa la mazu dzodzro akpɔ abe ale si wòanɔ ne tsitretsitsi aɖeke meli ene o. Nudzɔdzɔ na haxɔsetɔwo Azɔ la, se siwo le ga si dzɔm miele be yewoaɖo ɖe kristotɔ siwo le Yerusalem ŋu la woe nye esiawo. Se siawo ke mede na hame siwo le Galatia. Le Kɔsiɖa ɖe sia ɖe gbe la, ele be mia dometɔ ɖe sia ɖe natsɔ ga si wòkpɔ le kɔsiɖa me la ƒe akpa aɖe adzra ɖo, eye wòawɔ eŋu dɔ na nunana sia. Ga home la ku ɖe home si Aƒetɔ la kpe ɖe amea ŋu wòkpɔ la ŋu. Migalala va se ɖe esime mava afi ma hafi miadze agbagba be yewoadzɔ ga home la katã zi ɖeka o. Ne meva la, maŋlɔ agbalẽ akpe ɖe miaƒe lɔlɔ̃ ƒe nunana la ŋu aɖo ɖe Yerusalem to dɔla nuteƒewɔla aɖe si miawo ŋutɔ miatia la dzi. Eye ne anyo be nye hã mayi kplii la, ekema míate ŋu azɔ afɔ ɖekae. Ɖoɖo siwo le Paulo si Mayi Makedonia gbã hafi ava kpɔ mi ɖa, ke manɔ afi ma ɣeyiɣi kpui aɖe ko. Ate ŋu ava eme be manɔ miawo gbɔ wòadidi wu, ɖewohĩ le vuvɔŋɔli blibo la katã me, eye miado mɔm mayi teƒe bubu. Nyemegadi azɔ be makpɔ mi ɖa ɣeyiɣi kpui aɖe ko eye matso eme o. Medi be mava nɔ anyi sẽe ne Aƒetɔ la aɖe mɔ nam. Manɔ Efeso le afi sia va se ɖe Pentekoste ƒe ŋkekenyui la dzi, elabena mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖe li nam be magblɔ mawunya eye mafia nu le afi sia. Mɔnukpɔkpɔ geɖewo li, ke futɔwo hã sɔ gbɔ. Ne Timoteo va la, mina eƒe mo nadze anyi, elabena ele Aƒetɔ la ƒe dɔ wɔm abe nye ke ene. Migana ame aɖeke nado vloe alo agbe toɖoɖoe o, ke mina wòakpɔ dzidzɔ le ɣeyiɣi si wòanɔ mia dome la me, eye miaɖoe ɖem le ŋutifafa me. Mele mɔ kpɔm be makpɔ eya kple nɔvi bubu siwo trɔ gbɔna la kaba. Meɖe kuku na mía nɔvi Apolo be eya kple nɔvia bubuwo nava kpɔ mi ɖa, ke ebu be menye Mawu ƒe ɖoɖo wònye na ye be yeayi fifia o. Ava mia gbɔ emegbe ne mɔnu aɖe ʋu nɛ. Minɔ ŋudzɔ, minɔ tsitre le xɔse me. Minɔ agbe abe kalẽtɔwo ene, eye misẽ ŋu. Nu sia nu si miawɔ la, miwɔe kple amenuveve kple lɔlɔ̃. Mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo. Mieɖoa ŋku Stefano kple eƒe ƒomea dzia? Woawoe nye ame gbãtɔ siwo zu kristotɔwo le Akaya eye wole kpekpeɖeŋu geɖe nam kristotɔwo le afi sia afi. Miwɔ nu siwo woaɖo na mi, eye miwɔ nu sia nu si miate ŋui la be miakpe ɖe wo kple ame bubu siwo katã tsɔ wo ɖokuiwo sa vɔe abe woawo ke ene, eye wowɔa dɔ sesĩe le mia dome la ŋu. Mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ be Stefano, Fortunatus kple Akaiko va ɖo mía gbɔ be yewoakpɔ mí ɖa. Wole kpekpeɖeŋudɔ siwo miele afi sia awɔ nam o la wɔm nam ɖe mia teƒe. Wodo dzidzɔ geɖe nam, eye wode dzi ƒo nam ŋutɔ. Meka ɖe edzi be nenema ke wowɔ na miawo hã. Mexɔe se be miekpɔ ŋudzedze le ame siawo kple ame bubu siwo le abe woawo ke ene la ƒe dɔwɔwɔ ŋu. Nuwuwugbedonamewo Hame siwo le Asia afi sia la do gbe na mi. Akwila kple Priskila kple ame bubu siwo katã kpea ta le woƒe aƒe me hena sɔlemedede la hã do gbe na mi le Aƒetɔ la me. Nɔvi siwo katã le afi sia la bia tso asinye be mado gbe na mi na yewo. Mido gbe na mia nɔewo kple lɔlɔ̃ si dze la ne miedo go. Nye Paulo, meŋlɔ agbalẽ sia ƒe nya mamlɛtɔwo kple nye ŋutɔ nye asi. Ame sia ame si melɔ̃a Aƒetɔ la o la, woaƒo fi adee. Aƒetɔ Yesu va! Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe lɔlɔ̃ kple amenuveve nanɔ anyi kpli mi katã. Metsɔ nye lɔlɔ̃ na mi katã le Kristo Yesu me. Amen.